audio audio | text string |
|---|---|
Yehowa ƒe dɔla la ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa li kpli wò, wò ŋutsu kalẽtɔ!” | |
“Mizu nublanuikpɔlawo abe ale si mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene. | |
Baba na ame siwo wɔa nu si woate ŋui be woaɣla woƒe aɖaŋudedewo ɖe Yehowa; ame siwo wɔa woƒe dɔwo le viviti me hegblɔna be, “Ame kae kpɔ mi? Ame kae anya?” | |
Abraham tɔ le Hititɔ siwo va du la ƒe agbo nu la katã ƒe ŋkume. | |
ale be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse. | |
“Kplɔe eye nàkpɔ edzi, mègawɔ vɔ̃ aɖekee o, ke boŋ wɔ nu sia nu si wòabia la nɛ.” | |
Anɔ ko abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo lae ene, ale be ame aɖeke magatso aƒe ɖi o eye ame aɖeke manɔ afi ma hã o.” | |
Amedzroe menye le anyigba dzi, eya ta mègaɣla wò sededewo ɖem o. | |
Eya ta, kpɔ nyuie elabena wòe Yehowa tia be nàtu yeƒe gbedoxɔ si anye kɔkɔeƒe. Lé dzi ɖe ƒo eye nàwɔ nu si wòɖo na wò.” | |
Fia David ɖo eŋu na Arauna be, “Ao, maƒlee ko. Maxe fe si dze la, ɖe eta. Nyemate ŋu atsɔ nu si nye tɔwò la asa vɔe na Yehowa, asa numevɔ kple nu siwo ta nyemexe fe aɖeke ɖo o!” | |
Eƒe luʋɔ te ɖe yɔdo ŋu kpokploe, eye eƒe agbe ɖo ku ƒe dɔlawo ƒe asi me. | |
“Eye wò, Ame vi, gbe si gbe maɖe woƒe sitsoƒe, woƒe dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe, nu si nya kpɔna na woƒe ŋkuwo, woƒe dzi ƒe didi, wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo ɖa la, | |
Ahimelek ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖe ame ɖeka aɖe le wò subɔlawo katã dome si nye nuteƒewɔla na wò abe wò toyɔvi, David enea? Eyae nye ŋuwòmewo ƒe amegã eye wòganye wò aƒemetɔ si amewo buna la. | |
Esi mese nya sia la, medo dɔmedzoe vevie. | |
“Gawu la, woɖo du ɖe ŋutsuwo, ame siwo va tso didiƒe, eye esi wova ɖo la, miele tsi na mia ɖokuiwo, miesi nu yibɔ ɖe miaƒe aɖaba te, eye miede miaƒe sikanuwo. | |
elabena to doa nyawo kpɔ abe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene. | |
eye Eliab ƒe viwoe nye Nemuel, Datan kple Abiram. Ame eve siawo, Datan kple Abiram woe nye ame siwo wɔ ɖeka kple Korah ɖe Mose kple Aron ŋu, to esia me wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. | |
Makir srɔ̃ hã ŋkɔe nye Maaka; edzi ŋutsuvi ɖeka eye wòna ŋkɔe be Peres; nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Seres, ame si dzi ŋutsuvi eve, Ulam kple Rakem. | |
Batseba gabɔbɔ, gade ta agu le Fia la ŋkume eye wòdo ɣli be, “Oo, nye aƒetɔ, meda akpe na wò. Nye aƒetɔ, fia la nanɔ agbe tegbee!” | |
ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui hetsɔ dɔla ƒe nɔnɔme do, eye wòva le ame ƒe nɔnɔme me. | |
Wogblɔ be, “Yehowa mele ekpɔm o, Yakob ƒe Mawu la metsɔ ɖeke le eme o.” | |
be wòaɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe, be agbe ƒe kekeli naklẽ ɖe edzi. | |
Ale metsɔ nye atikplɔ si meyɔ be Dɔmefafa la, meŋee, eye metu nu si mebla kple dukɔwo. | |
Nenye be ame aɖe gbe be yemawɔ ɖe nu siwo míegblɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o la, milé ŋku ɖe eŋuti, eye migade ha kplii o, ale be ŋu nakpee. | |
eye woɖe gbeƒã na ameawo be, “Ne miekpɔ nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo wokɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la, ekema miho miadze wo yome. | |
Makplɔ wò adzoe, ayi ɖe danye, ame si fia num la ƒe aƒe me. Mana wain si me wode atike ʋeʋĩi kple atɔtɔŋutitsi la wò nàno. | |
Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israel woasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpui kple numevɔsamlekpui la dzi. | |
Mebiae be, “Afi ka yim nèle?” Eɖo eŋu be, “Meyina be madzidze Yerusalem, ne makpɔ eƒe kekeme kple eƒe didime.” | |
gbe ʋeʋĩwo, agumetaku, sabala, sinamon kple atike ʋeʋĩ vovovowo kpe ɖe lifi, aloe kple nu ʋeʋĩ nyuitɔwo ŋu. | |
Woalũ ta ɖe tawò, eye woata akpanya. Woafa avi ɖe tawò kple luʋɔ ƒe vevesese kple konyifafa vevie. | |
Enumake gaxɔdzikpɔla la bia akaɖi; eƒu du yi ɖe eme, eye wòdze klo ɖe Paulo kple Silas ƒe afɔ nu le dzodzom nyanyanya. | |
Le ŋkeke mawo me la, Yehowa na Siria fia Rezin kple Israel fia Peka ho aʋa ɖe Yuda ŋuti. | |
eye wogblɔ nɛ be, “Wò dɔlawo xlẽ asrafo siwo le mía te la, eye wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mebu o. | |
Wowɔ nyitsu siwo ƒe lolome anɔ mita afã la, ɖe zɔ la te. Wowɔ nyitsuawo ɖe fli eve me eye fliawo tsyia ɖe wo nɔewo nu, abe gazɔ la ke ene. | |
“ ‘Megade asi hawòvi srɔ̃ ŋu, ale be màgblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò kple nyɔnu la siaa o. | |
Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye, elabena fetu gã aɖe le mia lalam le dziƒo. Miɖo ŋku edzi be, nenema ke woti Nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã yomee. | |
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simɔn ƒe vi, Yuda Iskariɔt. | |
Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Helez tso Pelɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti adrelia me. | |
Eƒe kewo anya do xoxo ɖe tome eye eƒe takpo aku ɖe tome, | |
Nu si nèɖo la, ava eme na wò eye kekeli aklẽ ɖe wò mɔwo dzi. | |
O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu. | |
Eye Israel toawo ɖo amewo ɖe Benyamin ƒe to la be woagblɔ na wo be, “Mienya nane tso nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ le mia dome la ŋua? | |
Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ; ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã. | |
Míede ɖaha Keretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda ƒe anyigba kple Kaleb nyigba ƒe dziehe, míetɔ dzo Ziklag du la eye míetrɔ va yina.” | |
Aron wɔ esia abe ale si Yehowa bia tso Mose si ene. Emegbe la, Aron tsɔe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ le agbadɔ la me be wòanɔ dedie le afi ma. | |
Ame sia ame atsi tsitre le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi: Kristo tsi tsitre gbã eye ne Kristo gatrɔ va la, eƒe amewo katã agagbɔ agbe. | |
Esi Mose se nya si gblɔm wole la, etsyɔ mo anyi. | |
Le woƒe afi ma nɔnɔ me la, Festus gblɔ Paulo ƒe nya na fia la be, “Felix gblẽ ame aɖe ɖe gaxɔ me le afi sia hafi meva xɔ eteƒe. | |
Nyemeɖu nu nyui aɖeke o, lã kple wain meka nu nam o eye nyemesi ami aɖeke kura o va se ɖe esime kɔsiɖa etɔ̃ la wu enu. | |
Ŋkuwo katã le wò asinu kpɔm, eye nèna nuɖuɖu wo le enaɣi. | |
Elabena menye miawo ŋutɔe aƒo nu o, ke boŋ mia Fofo si le dziƒo la ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒo ge to mia dzi. | |
Esi wònye be eya ŋutɔ kpe fu to tetekpɔ me ta la, ete ŋu kpe ɖe ame siwo tem wole kpɔ la ŋu. | |
Elabena womeɖo to nye nyawo o, nya siwo meɖo ɖe wo enuenu to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi. Ke mi aboyomewo hã mieɖo to o,” Yehowae gblɔe. | |
Ke mi dzidzime xoxo ma me viwo ya la, mitrɔ fifi laa, miagbugbɔ aɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ.” | |
Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa, ame siwo wòtia be woanyi yeƒe dome. | |
Metso aseye ŋutɔ ɖe Israel ƒe kplɔlawo ta, ame siwo tsɔ wo ɖokui na faa! Mikafu Yehowa! | |
Fifia, èfɔ fu; àdzi ŋutsuvi. Na ŋkɔe be Ismael, si gɔmee nye, ‘Mawu see,’ elabena Yehowa se wò konyifafa. | |
“Ne mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieɖo ŋugbedodonyigba la dzi la, ame siwo atsi tsitre ɖe Gerizim to la dzi, ayra dukɔ la woe nye Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Yosef kple Benyamin ƒe dzidzimeviwo, | |
Mawu ƒe subɔlae nye kpovitɔ la ɖa ɖe wò nyonyo ta. Ke ne èle nu vɔ̃ aɖe wɔm la, eme kɔ ƒãa be ànɔ vɔvɔ̃m, elabena kpovitɔ la ana woahe to na wò nu gbegblẽ wɔla la. | |
Ekplɔ Abraham ƒe kposɔ ewo ɖe asi, eye wòdo agba na wo kple nu nyui siwo katã le eƒe aƒetɔ si la ƒe ɖe. Ezɔ mɔ yi Aram Naharaim, eye wòyi Nahor ƒe du me. | |
Woƒu asaɖa anyi ɖe Merɔn tsi dzidzi la gbɔ. | |
Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Yesua. Hatsotso ewolia ƒe tatɔe nye Sekania. | |
“Ɖe aʋako dzona yia dzi ʋĩi le wò nunya nu eye wòkekea eƒe aʋalã heɖoa ta dziehea? | |
Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe, | |
Azɔ la, Yoab kple Abisai ti Abner yome. Ɣe la nɔ to ɖom esi wova ɖo Ama togbɛ la gbɔ le Gia lɔƒo le mɔ si yi Gibeon gbegbe la dzi. | |
“Mebu be, ‘Maku ɖe nye ŋutɔ nye aƒe me, nye ŋkekewo asɔ gbɔ abe ke ene. | |
be woafia nyateƒe kple kakaɖedzinyawo wò be nàtsɔ nunyanyawo aɖo nya ŋu na ame si dɔ wò la oa? | |
Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu ɖum kple eƒe Apostolowo la, ede se na wo be, “Migadzo le Yerusalem o, ke boŋ milala va se ɖe esime miaxɔ Fofonye ƒe nunana si ŋugbe wòdo, nu si ŋu meƒo nu tsoe na mi xoxo, | |
O Yehowa, míedze si míaƒe nu tovowo wɔwɔ kple mía fofowo ƒe nu vɔ̃wo. Vavãe míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò. | |
Ameawo katã gblɔ kple gbe ɖeka be, “Mía dometɔ aɖeke mayi aƒe me o va se ɖe esime míahe to na Gibeatɔwo. | |
Nyateƒe gblɔm mele na wò be, èle dziƒo kpɔ ge wòaʋu, eye mawudɔlawo anɔ Amegbetɔ Vi la gbɔ vam, aganɔ dziƒo yim.” | |
Ne ɣeyiɣi de be Elkana nasa vɔ la, aka vɔsalã la ƒe ɖe na srɔ̃a Penina kple via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo katã. | |
Ne èle nya hem kple hawòvi la, mègaʋu go ame bubu ƒe nya ɣaɣla o, | |
Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Agbadɔ la me. | |
“ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia nyɔnu, eɖanye fofoa ƒe vinyɔnu alo dadaa ƒe vinyɔnu ŋu la, enye ŋukpenanu, eye ele be woatsrɔ̃ wo ame eve la ɖa tso Israelviwo dome. Fɔɖiɖi la anɔ ŋutsu la dzi. | |
Le esia ta la, wona wokplɔ Petro kple Yohanes do goe le xɔa me, ale be woate ŋu akpɔ mɔnu ade adaŋu le wo ŋu. | |
Gake ekplɔ eƒe dukɔ la abe lãhawo ene, eye wòkplɔ wo abe alẽwo ene to gbedzi. | |
“O ŋutsuwo, miawoe mele ɣli dom na eye mekɔ nye gbe dzi na amegbetɔƒomea katã. | |
Ne miekpɔ gbo siawo la, ekema miaɖo ŋku se siwo katã Yehowa de na mi la dzi be miawɔ wo dzi, eye miagatsɔ mia ɖokuiwo adzra na ŋutilãmenuwo, miaƒe dzi ƒe nudzodzrowo kple nu siwo miaƒe ŋku kpɔna la o. | |
“Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, Mose gɔ̃ hã gblɔe fia le ŋuve mumu si nɔ bibim la gbɔ, esi wòyɔ Mawu be, ‘Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’ | |
Migana Hezekia nable mia nu be, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, esime wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi godoo; womatsɔ du sia ade asi na Asiria fia o.’ | |
Ehud ƒo eƒe miasi ɖe eƒe awu te heɖe adekpui si wòbla ɖe eƒe ɖusita ŋu la eye wònyrɔe ɖe fia la ƒe dɔ me. | |
Woaɖe ame sia ame si aɖu lã si wome na Yehowa abe vɔsa ene ƒe ami la le Mawu ƒe ha me. | |
Egblɔ nɛ be, “Matsɔ nu siawo katã na wò nenye be nèdze klo de ta agu nam ko.” | |
Le ŋkeke enyia gbe la, nyɔnu la atsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu. | |
Míezu tsyɔ̃eviwo kple tɔmanɔsitɔwo eye mía nɔwo zu ahosiwo. | |
Glidzinɔlawo ho aʋa ɖe mía ŋu, wowu míaƒe ame aɖewo eye wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la, hã.” | |
Azɔ ga vɔ keŋkeŋ le ameawo si, gake wogava Yosef gbɔ kple kukuɖeɖe be wòagana nuɖuɖu yewo. Wogblɔ nɛ be, “Míaƒe ga vɔ keŋkeŋ, gake na nuɖuɖu mí, elabena mele be míaku o.” | |
Eɖo nakeawo ɖe vɔsamlekpui la dzi eye wòfli nyitsu la hetsɔ ɖo nakeawo dzi. Emegbe la egblɔ na wo be, “Miku tsi ɖe tsizɔ eneawo me eye miatrɔe akɔ ɖe vɔsalã la kple nakeawo dzi.” | |
Miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo kpɔ dɔvɔ̃wo, dzesi wɔnukuwo kple nukunu bubuawo, | |
Yesu gblɔ nɛ be, “Migagbe nɛ o, elabena ame si le nukunu aɖe wɔm le nye ŋkɔ dzi la, mate ŋu anye nye futɔ o. | |
eya ame si wɔ ame sia ame ƒe dzi, eye wòléa ŋku ɖe nu sia nu si wowɔna la ŋu. | |
Ɖe ŋutsu aɖe aɖe dzo ɖe atata eye eƒe awuwo nagbe fiafia? | |
Nyɔnu sia va te ɖe eŋu le emegbe, eye wòka asi eƒe awu to, enumake eƒe ʋusisidɔ la tɔ. | |
Esi Levitɔ la kpɔ be wotsɔ nu siawo la, ebia wo be, “Nu ka wɔm miele?” | |
Wode ŋutsu akpe eve, alafa adre blaatɔ̃ (2,750). | |
Menye sikanuwo kple klosalonuwo ɖeɖe koe nɔa aƒe gã me o, ke boŋ atinuwo kple anyinuwo hã nɔa anyi, ɖewo na bubumewo xɔxɔ, eye ɖewo hã na gbe sia gbe ƒe ŋudɔwɔwɔ. | |
Nu sia na Delila ɖe kuku na Samson be wòagblɔ eƒe nya ɣaɣla la na ye. Egblɔ be, “Meɖe kuku, gblɔ nu si na wò lãme sesẽna alea la nam, nyemebu be ame aɖeke ate ŋu alé wò o!” | |
Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woaɖadi nu fifiawo. Woƒu du yi Axan ƒe agbadɔ me, eye wokpɔ nu fifiawo le to me, klosalo la nɔ nu bubuawo te abe ale si Axan gblɔ ene. | |
“Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ kple kɔkuti kpekpe si wòda ɖe mía dzi la dzi na mí ekema míasubɔ wò.” |
End of preview. Expand in Data Studio
README.md exists but content is empty.
- Downloads last month
- -