Dataset Preview
Viewer
The full dataset viewer is not available (click to read why). Only showing a preview of the rows.
Job manager was killed while running this job (job exceeded maximum duration).
Error code:   JobManagerExceededMaximumDurationError

Need help to make the dataset viewer work? Open a discussion for direct support.

audio
audio
transcription
string
ame si dzi Serug, ame si dzi Nahor, ame si dzi Tera,
Esi Baal Hanan ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe eye eƒe fiadue nye Pau. Hadad srɔ̃e nye Mehetabel, dadae nye Matred, ame si dadae nye Me-Zahab.
Esi Yobab ku la, Husam tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi ɖu fia ɖe eteƒe,
eye le Husam ƒe ku megbe la, Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moab nyigba dzi la ɖu fia eye eƒe fiadue nye Avit.
Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het.
Kus ƒe dzidzimevie nye Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi.
Le Samla ƒe ku megbe la, Siaul tso Rehobot, du si le tɔsisi aɖe ŋu la ɖu fia ɖe eteƒe.
Le Siaul ƒe ku megbe la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe.
Lotan ƒe viwoe nye Hori kple Homam. Timna nye Lotan nɔvinyɔnu.
Vi eve nɔ Eber si: Woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo.
Aka, Karmi ƒe vie nye ame si he fukpekpe va Israel dzi elabena efi nu kɔkɔewo.
Esi Hezron xɔ ƒe blaade la eɖe Makir ƒe vinyɔnu eye wòdzi ŋutsuvi, Segub nɛ. Makir ƒe vi bubue nye Gilead.
Hur, ame si nye Kaleb kple Efrata ƒe vi tsitsitɔ la, dzi Sobal, Kiriat Yearim fofo,
(Ke Gesur kple Aram xɔ Havot Yair kple Kenat kple du sue blaade siwo ƒo xlãe la le esi sesẽtɔe.) Ame siawo katã nye Makir, si nye Gilead fofo la ƒe viwo.
ke Yonatan dzi vi eve: Pelet kple Zaza. Ame siawoe nye Yerameel ƒe viwo.
Nadab ƒe viwoe nye Seled kple Apaim. Seled medzi vi aɖeke hafi ku o.
Onam ƒe viwoe nye Samai kple Yada. Samai dzi Nadab kple Abisur.
Perez ƒe viwoe nye: Hezron kple Hamul.
Samai nɔvi dzi ŋutsuvi eve: Yeter kple Yonatan. Yeter medzi vi aɖeke hafi ku o,
Segub nye Yair fofo. Du blaeve-vɔ-etɔ̃ nɔ Yair ƒe kpɔkplɔ te le Gileadnyigba dzi.
Sesan tsɔ via nyɔnu na eƒe dɔlaŋutsu, Yarha, wòɖe eye wodzi Atai.
Sobal ƒe viwoe nye Kiriat Yearim kple Haroe, ame si ƒe dzidzimeviwoe nye Menuhot tɔwo ƒe afã.
Srɔ̃a ma ke dzi vinyɔnuvi eve nɛ. Woawoe nye Zeruia kple Abigail. Zeruya ƒe viŋutsuwoe nye Abisai, Yoab kple Asahel.
Viŋutsu aɖeke menɔ Sesan si o; vinyɔnuwo koe nɔ esi. Egipte dɔlaŋutsu aɖe nɔ esi; eŋkɔe nye Yarha.
Yese ƒe vi gbãtɔe nye Eliab, eveliae nye Abinadab eye etɔ̃liae nye Simea;
Esi David nɔ Yerusalem la, srɔ̃a Batseba, Amiel ƒe vinyɔnu dzi vi ene siwoe nye: Simea, Sobab, Natan kple Solomo.
Pedaya ƒe viŋutsuwoe nye, Zerubabel kple Simei. Zerubabel ƒe viŋutsuwoe nye, Mesulam kple Hananiya. Wo nɔvinyɔnu nye Selomit
Vi siwo nyɔnu bubuwo dzi nɛ la mele ame siawo dome o. Vinyɔnu aɖe hã nɔ David si; eŋkɔe nye Tamar.
Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla.
Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ. Eneliae nye Adoniya, ame si dadae nye Hagit.
Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron, afi si wòɖu fia le ƒe adre kple afã. Ena Yerusalem zu fiadu eye wòɖu fia le afi ma ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.
Ame siawo xɔ ŋkɔ le zememe kple agbledede le Nataim kple Gedera me eye wowɔa dɔ na fia la.
Ame siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ da ɖi la va le Yuda Fia Hezekia ƒe fiaɖuɣi. Woho aʋa ɖe Hamitɔwo ŋu le woƒe nɔƒewo nenema ke nye Meunitɔ siwo nɔ afi ma eye wotsrɔ̃ wo keŋkeŋ abe ale si wòle dzedzem egbe ene. Wonɔ woƒe nɔƒe elabena lãnyiƒe nɔ afi ma na woƒe lãhawo.
Bet Markabot, Hazar Susim, Bet Biri kple Saaraim. Du siawo nɔ woƒe asi me va se ɖe David ƒe fiaɖuɣi.
Estemoa srɔ̃ nye Yuda nyɔnu aɖe eye wòdzi Yered, Heber kple Yekutiel. Yered nye Gedor fofo, Heber nye Soko fofo eye Yekutiel nye Zanoah fofo.
Eston dzi Bet Rafa, Pasea kple Tehina, ame si dzi Ir Nahas. Ame siawoe nye Reka ƒe ŋutsuwo.
Eyae do gbe ɖa na Israel ƒe Mawu be, “Oo, yram eye nàkpe ɖe ŋunye le nye dɔwɔwɔ me. Meɖe kuku, nɔ kplim le nu sia nu si mawɔ la me eye nàɖem tso nu vɔ̃ kple dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.” Mawu se eƒe gbedodoɖa.
eye woyi Gedor ƒe gbɔto le balime la ƒe ɣedzeƒe gome le gbeɖuƒe dim na woƒe lãhawo.
Ezra dzi Yeter, Mered, Efer kple Yalon. Mered ɖe Bitia, fiavinyɔnu aɖe tso Egipte eye wodzi Miriam, Samai kple Isba, ame si nye Estemoa fofo.
Koz, ame si dzi Anub kple Hazobeba hekpe ɖe Harum ƒe vi ƒe hlɔ̃ ŋu eye eya mee hlɔ̃ si wotsɔ kple Aharlel, Harum ƒe vi, ŋkɔ na la dzɔ tso.
kple kɔƒe siwo katã ƒo xlã du siawo va se ɖe Baalat. Esiawoe nye woƒe duwo, eye dzidzimegbalẽ nɔ wo si.
Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, aʋawɔla siawo dometɔ alafa atɔ̃ tso Simeon ƒe ƒome la me yi Seir ƒe to la dzi. Woƒe kplɔlawo nye Pelatia, Nearia, Refaya kple Uziel. Wo katã wonye Isi ƒe viwo.
Meonatai, ame si dzi Ofra. Seraya dzi Yoab, ame si me Ge Harasim, aɖaŋuwɔla siwo nɔ Aɖaŋuwɔlawo ƒe Balime la dzɔ tso.
Misma ƒe viwo dometɔ ɖekae nye Hamuel, ame si dzi Zakur, ame si dzi Simei.
Penuel dzi Gedor eye Ezer dzi Husa Ezer. Ame siawoe nye Hur ƒe dzidzimeviwo, Hur nye Efrata ƒe ŋgɔgbevi kple Betlehem fofo.
Simei dzi viŋutsu wuiade kple vinyɔnu ade. Nɔviawo dometɔ aɖeke ƒe viwo mesɔ gbɔ alea o eye wo viwo mede esi Yudatɔ geɖewo dzina la nu o.
Sobal ƒe vie nye Reaia, ame si dzi Yahat, ame si dzi Ahumai kple Lahad. Ame siawo va zu Zoratitɔwo ƒe ƒomewo.
Wokpɔ lãnyiƒe damawo, anyigba la keke nyuie, teƒe si ŋutifafa kple ɖoɖoezizi le. Hamitɔ aɖewo nɔ afi ma kpɔ.
Wowu ame ʋɛe siwo susɔ tso Amalek ƒomea me eye wotsi afi ma va se ɖe egbe.
Yabez xɔ ŋkɔ wu nɔvia bubuawo katã. Dadaa na ŋkɔe be, Yabez si gɔmee nye, “Vevesese” elabena dadaa se veve ŋutɔ le edzidzi me.
Yokim, Kozeba, Yoas kple Saraf ŋutsuwo, ame siwo ɖu fia le Moab kple Yasubi Lehem. Ŋkɔ siawo tso nuŋlɔɖi xoxoawo me.
Yuda ƒe viŋutsu, Sela ƒe viŋutsuwoe nye Er, ame si dzi Leka, Lada, ame si dzi Maresa kple ame siwo nye avɔlɔ̃lawo nɔ Bet Asbea,
Zira, ame si nye Sifi ƒe vi, ame si nye Alon ƒe vi, ame si nye Yedaia ƒe vi, ame si nye Simri ƒe vi ame si nye Semaya ƒe vi.
Ŋutsu siwo ƒe ŋkɔ woyɔ va yi la woe nye woƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo. Woƒe ƒomewo dzi ɖe edzi fũu
Asrafo akpe blaene-vɔ-ene alafa adre blaade (44,760), ame siwo si aʋawɔnuwo nɔ, wohe wo nyuie eye wonye kalẽtɔwo la nɔ Ruben, Gad kple Manase ƒe to la ƒe afã ƒe aʋakɔ me.
Esia ta Israel ƒe Mawu na Asiria fia Pul (ame si wogayɔna be Fia Tilgat Pilneser Etɔ̃lia la), ho aʋa ɖe wo ŋu eye wòɖe aboyo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe hlɔ̃ afã me tɔwo. Wokplɔ wo yi Hala, Habor, Hara kple Gozan tɔsisi la to, afi si wole va se ɖe egbe.
Hlɔ̃ la nɔ Gilead, Basan kple wo ŋu duwo me kpakple Saron ƒe lãnyiƒe nutowo katã me va se ɖe eƒe mlɔenu.
Ke womesubɔ wo fofowo ƒe Mawu la o, ke boŋ wosubɔ ame siwo Mawu tsrɔ̃ la ƒe legbawo.
kple Bela, Azaz ƒe viŋutsu, Sema ƒe viŋutsu kple Yoel ƒe viŋutsu. Wonɔ teƒe si tso Aroer yi Nebo kple Baal Meon.
Le Fia Saul ƒe fiaɖuɣi la, Ruben ƒe viwo ɖu Hagritɔwo dzi eye woge ɖe woƒe agbadɔwo me le Gilead ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi.
Togbɔ be Yosef va zu ŋgɔgbevi hã la, Yuda va nye hlɔ̃ sesẽ, xɔŋkɔ aɖe le Israel eye Yuda mee fiavi aɖe do tso.
Wodo gbe ɖa na Mawu, bia eƒe kpekpeɖeŋu eye wòkpe ɖe wo ŋu le woƒe ŋuɖoɖo ɖe eŋu ta. Ale woɖu Hagritɔwo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo dzi.
Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖe dzidzimegbalẽ la me le Yuda fia Yotam kple Israel fia Yeroboam ƒe fiaɖuɣi.
Woƒe futɔ geɖewo ku le aʋa la me elabena Mawu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ale Ruben ƒe dzidzimeviwo nɔ Hagritɔwo ƒe dzidzimeviwo ƒe anyigba dzi va se ɖe esime woɖe aboyo wo.
Woƒe hlɔ̃wo ƒe fiawoe nye Efer, Isi, Eliel, Azriel, Yeremia, Hodavia kple Yahdiel. Wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ŋkɔ abe aʋawɔla kple kplɔla ene.
Woƒe ƒometɔwo le woƒe hlɔ̃wo nu abe ale si wode wo dzidzimegbalẽ la me la, le ale: Yeiel, fia la kple Zekaria
Yoel nye lãnyila; enyi woƒe lãwo le gbegbe la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo heyi ɖe Frat tɔsisi la gbɔ elabena nyi geɖewo nɔ Gileadnyigba dzi.
Abe ale si wode dzesii xoxo ene la, Levi ƒe viwoe nye, Gerson, Kohat kple Merari.
Ale Israelviwo tsɔ du siawo kple woƒe lãnyiƒewo na Levitɔwo.
ame si dzi Amaria, ame si dzi Ahitub,
ame si dzi Azaria, ame si nye Nunɔlagã si nɔ Solomo ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem.
ame si dzi Zadok, ame si dzi Ahimaaz,
ame si dzi Zadok, ame si dzi Salum,
ame si woɖe aboyoe esime Yehowa na Nebukadnezar ɖe aboyo ame siwo nɔ Yuda kple Yerusalem.
Aron ƒe vi tsitsitɔwo ƒe dzidzimeviwoe nye: Eleazar si dzi Finehas, ame si dzi Abisua,
Asan, Yuta kple Bet Semes kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu na Aron ƒe dzidzimeviwo.
Benyamin ƒe viwo tso du bubu aɖewo, du siwo dometɔ aɖewo nye Geba, Alemet kple Anatɔt hekpe ɖe lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo ŋu. Du siwo katã woma ɖe Kohat ƒe dzidzimeviwo dome le wuietɔ̃.
Efraim ƒe viwo tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo:
Esiwo wotso na Aron viwoe nye: Hebron (Sitsoƒedu), Libna kple eŋu lãnyiƒe, Yatir kple Estemoa kple wo ŋu lãnyiƒewo.
Gerson ƒe viwoe nye: Libni kple Simei.
Hadzihakplɔlawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dzidzimeviwo le ale: Hadzila Heman tso Kohat ƒe hlɔ̃ la me. Eƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Israel dzi la yi ale: Yoel, Samuel,
Heman ƒe kpeɖeŋutɔ eveliae nye Etan, tso Merari ƒe ƒome la me. Enɔa Heman ƒe miame. Eƒe dzidzimeviwo heyi megbe va se ɖe Levi dzi yi ale: Kisi, Abdi, Maluk,
Heman ƒe kpeɖeŋutɔ gbãtɔe nye Asaf, ame si ƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Levi dzi la yi ale: Berekia, Simea,
(Ke agbledeƒe kple kɔƒe siwo ƒo xlã du gã la, wotsɔ wo na Kaleb, Yefune ƒe vi.)
Ke Aron kple eƒe dzidzimeviwo koe nye nunɔlawo. Woƒe dɔdeasiwo dometɔ aɖewoe nye numevɔwo sasa, dzudzɔdodo, dɔwɔwɔ le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe kple dɔ siwo ku ɖe ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkekenyui le Israel ŋuti. Wokpɔa egbɔ be wowɔ ɖe nu siwo katã Mose, Mawu ƒe dɔla ɖo na wo la dzi pɛpɛpɛ.
Kedemot kple Mefaat kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu.
Le Yuda, Simeon kple Benyamin ƒe towo me la, wotsɔ du siwo ŋkɔ woyɔxoxo la na wo.
Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo ƒe afã: Aner kple Balaam.
Merari ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Merari me la woe nye: Mahli, Libni, Simei, Uza,
Merari ƒe viwoe nye: Mahli kple Musi. Ƒome siwo dzɔ tso Levi ƒe hlɔ̃ me la le ale:
Naftali ƒe viwo tsɔ Kedes le Galilea, Hamon kple Kiriataim kple woƒe lãnyiƒewo na wo.
Ramot kple Anem kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na wo.
Samuel ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Samuel me la woe nye: Yoel, Via ŋutsu tsitsitɔ kple evelia, Abiya.
Sitsoƒedu kple woƒe lãnyiƒe siwo Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ na Gerson ƒe viwo la nye: Golan le Basan kple Astarot.
Tso Ruben ƒe to la me le Yɔdan ƒe akpa kemɛ le Yeriko kasa la, woxɔ Bezer le gbegbe la, Yaza,
Woda akɔ azɔ be woama anyigba mamlɛa ɖe Kohat ƒe dzidzimevi bubuawo dome eye woxɔ du ewo le Manase ƒe hlɔ̃ ƒe afã ƒe anyigba dzi.
Woda akɔ eye woxɔ du wuietɔ̃ le Basan le Isaka, Aser, Naftali kple Manase ƒe viwo si tsɔ na Gerson ƒe viwo.
Woda akɔ eye woxɔ du wuieve le Ruben, Gad kple Zebulon ƒe viwo si tsɔ na Merari ƒe viwo.
Wotsɔ hadzidzi subɔ le le Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ va se ɖe esime Solomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖe Yerusalem eye hadzilawo yi woƒe dɔ dzi le ɖoɖo nu.
Woƒe ƒometɔwo nye Levitɔ bubuawo. Wotsɔ wo ɖo dɔ bubu vovovowo nu le Mawu ƒe agbadɔ la me.
End of preview.
README.md exists but content is empty. Use the Edit dataset card button to edit it.
Downloads last month
0
Edit dataset card