file_name,transcription data/test/COL/COL_002_Verse_007.mp3,"Eya ta migana ame aɖeke naɖe ɖeklemi kpli mi le nu si mieɖuna alo nona ŋu loo, alo ale si miawo mieɖua Yudatɔwo ƒe azãwo, ŋkekenyuiwo, dzinu yeye ƒe wɔnawo kple Dzudzɔgbe ŋkekewo o la ta o." data/test/COL/COL_002_Verse_017.mp3,"Nu si mebia Mawu na mi lae nye be dzideƒo nanɔ mia si, eye lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ nabla mi ɖekae, ale be miate ŋu akpɔ mɔnu anya Kristo le kakaɖedzi me kple gɔmesese deto vavãtɔ, elabena Mawu ƒe ɖoɖo ɣaɣla si wòva ɖe fia mlɔeba lae nye Kristo ŋutɔ." data/test/COL/COL_001_Verse_026.mp3,"Nyanyui si wogblɔ na mi la, eya ke gblɔm wole le xexea me godoo, eye wòle amewo ƒe agbenɔnɔ trɔm le afi sia afi, abe ale si wòtrɔ miaƒe agbenɔnɔ tso ŋkeke gbãtɔ si dzi miese nu tso Mawu ƒe amenuveve gã na vɔ̃ wɔlawo ŋu eye miese eme le nyateƒe me ene." data/test/COL/COL_002_Verse_016.mp3,Mili ke ɖe eya amea me blibo eye miaxɔ nunyiame tso egbɔ. Mikpɔ egbɔ be mietsi ɖe edzi le xɔse me. Mina dzidzɔ kple akpedada nayɔ miaƒe agbe me fũu ɖe nu gã siwo katã wòwɔ na mi la ta. data/test/COL/COL_002_Verse_003.mp3,"Elabena Mawu ƒe blibonyenye la katã nɔ Kristo me le ŋutilã ƒe dzedzeme nu," data/test/COL/COL_004_Verse_011.mp3,"Mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta be Mawu naʋu agbo na míaƒe mawunyagbɔgblɔ be míaɖe gbeƒã Kristo ƒe nu ɣaɣlawo, esi ta mele ga me le afi sia ɖo." data/test/COL/COL_003_Verse_025.mp3,"Ƒo esiawo katã ta la, mina lɔlɔ̃ nafia ale si mianɔ agbee la mi, elabena esia ana be mianɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me." data/test/COL/COL_002_Verse_022.mp3,"Togbɔ be nyemele mia gbɔ le ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me. Mekpɔ dzidzɔ, elabena miele agbe nɔm nyuie, eye miaƒe xɔse hã le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le Kristo me." data/test/COL/COL_002_Verse_023.mp3,“Wobe migaɖu esi o! Migaɖɔ ekemɛ kpɔ o! Eye wobe migaka asi nuɖuɖu aɖewo ya ŋuti kura o!” Nu ka tae? data/test/COL/COL_003_Verse_009.mp3,"gake azɔ la, ɣeyiɣi la de na mi be miaɖe asi le nu siawo katã, siwo nye: dziku, dɔmedzoe, nu to vo wɔwɔ, busunya kple nya vlowo gbɔgblɔ ŋu." data/test/COL/COL_001_Verse_001.mp3,"Ehe ŋutifafa sia vɛ na mi, ame siwo nɔ adzɔge tsã tso Mawu gbɔ la hã. Tsã la, mienye Mawu ƒe futɔwo, mielé fui, eye miaƒe susu vɔ̃wo kple vɔ̃wɔwɔwo na be mi kplii dome klã, gake azɔ la, egakplɔ mi va eɖokui gbɔe abe exɔlɔ̃wo ene." data/test/COL/COL_001_Verse_025.mp3,"nya ɣaɣla si wodzra ɖo tso gbe aɖe gbe ke na dzidzimewo, gake azɔ la, eɖee fia ame kɔkɔewo." data/test/COL/COL_003_Verse_018.mp3,Migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe agbe xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa. data/test/COL/COL_003_Verse_002.mp3,"Azɔ la, miele agbe yeye nɔm, eye agbe yeye nɔnɔ sia na miele nu nyui wɔwɔ srɔ̃m gbe sia gbe le sidzedze me, be mianɔ ame si nye Wɔla la ƒe nɔnɔme me." data/test/COL/COL_001_Verse_008.mp3,"Eya ta afi sia afi si míeyina la, míeƒoa nu tso Kristo ŋuti na ame siwo katã le klalo be yewoaɖo to mí la. Míefiaa nu wo, eye míexlɔ̃a nu wo vevie abe ale si míate ŋui ene. Míedina be míakplɔ ame sia ame ayi Mawu ƒe ŋkume fɔɖiɖimanɔŋui, ɖe dɔ si Kristo wɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe la ta." data/test/COL/COL_002_Verse_002.mp3,Elabena esiawo nye nu siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli; ke nu la ŋutɔ le Kristo me va. data/test/COL/COL_002_Verse_008.mp3,eye blibonyenye sia yɔ mi fũu le Kristo si nye ta na ŋusẽwo kple dziɖulanyenyewo katã me. data/test/COL/COL_003_Verse_017.mp3,"Miewɔa nu siawo tsã esi mienɔ agbe abe xexemetɔ bubuwo ko ene," data/test/COL/COL_001_Verse_004.mp3,elabena míese nu geɖe tso ale si miexɔ Yesu Kristo dzi se kple lɔlɔ̃ manyagblɔ si mietsɔ na eƒe ame kɔkɔewo katã la ŋu. data/test/COL/COL_002_Verse_020.mp3,"To esia me la, eɖe gbɔgbɔwo ƒe dziɖuɖu kple ŋusẽ ɖa, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖu ɖe wo dzi." data/test/COL/COL_004_Verse_018.mp3,"Yesu, si wogayɔna hã be Yusto la hã do gbe na mi nyuie. Ame siawo nye Yudatɔwo le nye dɔwɔhatiwo dome hele dɔ wɔm na mawufiaɖuƒe la, eye wònye akɔfafa gã aɖe nam." data/test/COL/COL_004_Verse_002.mp3,Esia nye nye Paulo ŋutɔ ƒe gbedoname si meŋlɔ kple nye ŋutɔ nye asi. Miɖo ŋku dzinye le nye gaxɔmenɔnɔ me le afi sia. Mawu ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi. data/test/COL/COL_003_Verse_005.mp3,"Eya ta esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ƒe awuwo na mia ɖokuiwo." data/test/COL/COL_004_Verse_007.mp3,"Mele Onesimo, nɔvi lɔlɔ̃a kple nuteƒewɔla si nye mia detɔ la hã ɖom ɖe mi. Eya kple Tikiko woagblɔ nu siwo le dzɔdzɔm le afi sia fifia la na mi." data/test/COL/COL_001_Verse_002.mp3,"Elabena eyae ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ kple Satana ƒe fiaɖuƒe la me, eye wòkplɔ mí va Via lɔlɔ̃ la ƒe fiaɖuƒe mee;" data/test/COL/COL_002_Verse_010.mp3,"Ke womeku ɖe Kristo si nye ta si ŋu mi ame siwo katã nye eƒe ŋutilã la ku ɖo la ŋu o, elabena eƒe lãmeka sesẽwo Mawu tsɔ bla mí ɖekae, eye míetea ŋu tsina, elabena míexɔa nunyiame kple ŋusẽ tso eya ɖeka ko gbɔ." data/test/COL/COL_002_Verse_009.mp3,"eye wòtutu nya si wotsɔ ɖe mia ŋuti la ɖa, vodada siawo nye eƒe se siwo dzi mieda le la. Etsɔ nu vɔ̃ siawo katã klã ɖe atitsoga ŋuti, eye wòɖe wo ɖa." data/test/COL/COL_003_Verse_023.mp3,"Mitsɔ kutrikuku kple dzidzɔ wɔ nu sia nu si wòle be miawɔ la, abe Aƒetɔ lae miele ewɔm na ene, eye menye abe miaƒe anyigbadziƒetɔwo miele ewɔm na ene o," data/test/COL/COL_001_Verse_000.mp3,Ame siawo Mawu lɔ̃ be yeana woanya yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu ɣaɣlawo le ame siwo menye Yudatɔwo dome; nu ɣaɣla siae nye be Kristo le mia me si nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ. data/test/COL/COL_001_Verse_016.mp3,"Kristo wɔ esia to eƒe ku me abe amegbetɔ ene, hekplɔ mi va Mawu ƒe ŋkumee; miele tsitre ɖe Mawu ŋkume ame maɖifɔwoe, eye naneke kura megale mia ŋuti si ana woaka mo na mi o." data/test/COL/COL_001_Verse_022.mp3,"Míele gbe dom ɖa hã be Mawu ƒe ŋusẽ gã nayɔ mia me fũu ale be nu ka kee adzɔ hã la, miate ŋu agbɔ dzi ɖi, anɔ te sesĩe, eye Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ nayɔ mia me taŋtaŋ ɣe sia ɣi." data/test/COL/COL_003_Verse_007.mp3,"Eye mi srɔ̃ŋutsuwo hã la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye mialé be na wo, eye migado dziku ɖe wo ŋuti alo ablu ɖe wo ta o." data/test/COL/COL_003_Verse_014.mp3,"Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe anyigbadziƒetɔwo ɣe sia ɣi; menye to ameŋkumenuwɔwɔ me o, ke boŋ miawɔe ɣe sia ɣi, ne miaƒe aƒetɔwo meli o hã. Miɖo to wo le dzimekɔkɔ kple Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me." data/test/COL/COL_002_Verse_019.mp3,"Se siawo anya dze se nyuiwoe, elabena wonye se siwo hiã ameɖokuitsɔtsɔke kple ɖokuibɔbɔ blibo kpakple fuwɔwɔ ame ƒe ŋutilã, eye wo dzi wɔwɔ sesẽ, gake ŋusẽ aɖeke mele wo si be ame natsɔ aɖu eƒe susuwo kple dzodzro vɔ̃wo dzi o. Ɖeko wonana ame dana." data/test/COL/COL_001_Verse_021.mp3,"Míegabiana hã be miaƒe agbenɔnɔ nadze Aƒetɔ la ŋu ɣe sia ɣi eye woade bubu eŋuti, ale be miatse ku le dɔ sia dɔ wɔwɔ nyuie me; eye mianya Mawu ɖe edzi wu." data/test/COL/COL_004_Verse_000.mp3,"Aristako, ame si le ga me kplim la do gbe na mi kple lɔlɔ̃; nenema kee nye Marko, Barnabas nɔvi. (Abe ale si megblɔ na mi kpɔ ene la, ne Marko va mia gbɔ la, mixɔe dzidzɔtɔe.)" data/test/COL/COL_004_Verse_001.mp3,"Epafra, mia dometɔ ɖeka, ame si nye Yesu Kristo ƒe dɔla hã do gbe na mi nyuie. Ele ʋiʋlim ɖe mia ta le gbedodoɖa me ɣe sia ɣi be mianɔ te sesĩe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu blibo la me, atsi, eye miakpɔ kakaɖedzi blibo." data/test/COL/COL_002_Verse_001.mp3,"Azɔ abe ale si miexɔ Yesu Kristo, Aƒetɔ la dzi se be aɖe mi ene la, mixɔ se nenema ke le miaƒe gbe sia gbe ƒe nuwɔnawo me." data/test/COL/COL_001_Verse_019.mp3,"Mawu to nu si Via wɔ me, ʋu mɔ be nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nava eya ŋutɔ gbɔ, elabena Kristo to eƒe ku le atitsoga ŋuti me wɔ ŋutifafa le Mawu kple amewo katã dome to eƒe ʋu me." data/test/COL/COL_003_Verse_006.mp3,"Eya ta migbe nu le anyigbadzinu siwo yɔ fũu kple nu vɔ̃ la gbɔ; miwu didi vɔ̃ siwo le fiefiem le mia me. Migawɔ naneke si ku ɖe ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fieŋuifieŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ si nye trɔ̃subɔsubɔ o." data/test/COL/COL_002_Verse_021.mp3,"To mawutsideta me, mieku kplii, eye mietsi tsitre kplii to miaƒe xɔse si le Mawu ƒe ŋusẽ si fɔe tso ame kukuwo dome la me." data/test/COL/COL_004_Verse_009.mp3,Mido gbe na nɔvi kristotɔ siwo le Laodikea nam. Mido gbe na Nimfa kple hame si kpea ta le eƒe aƒe me la nam. data/test/COL/COL_001_Verse_014.mp3,"Eye tso ŋkeke gbãtɔ si dzi wogblɔ nyanyui ƒe nyateƒe la na mi va se ɖe fifia la, mietsɔ xɔse kpɔ mɔ na dzidzɔ tso dziƒo. Ale miaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ tso mɔkpɔkpɔ si wodzra ɖo na mi le dziƒo la me." data/test/COL/COL_003_Verse_012.mp3,Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ava ame siwo wɔa nu siawo la dzi. data/test/COL/COL_001_Verse_007.mp3,"Esiae nye nye dɔ, eye mate ŋu awɔe to Kristo ƒe ŋusẽ triakɔ si le dɔ wɔm le menye la ɖeɖe ko me." data/test/COL/COL_004_Verse_010.mp3,Mido gbe ɖa be magblɔe eme nakɔ abe ale si mate ŋui ene. data/test/COL/COL_002_Verse_015.mp3,"Migana ame aɖeke nakplɔ mi ayi aboyo me to xexemenunya kple beble dzodzro me o. Wotu wo ɖe amegbetɔ ƒe nunya kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo dzi, ke menye ɖe nu siwo Kristo gblɔ dzi o." data/test/COL/COL_003_Verse_021.mp3,Mina dziƒonuwo ŋuti bubu naxɔ miaƒe susuwo me; migagblẽ miaƒe ɣeyiɣiwo anɔ anyigbadzinuwo ŋuti bum o. data/test/COL/COL_001_Verse_013.mp3,"Eye eyae nye ta na hame, si nye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo fɔ tso yɔ me ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ." data/test/COL/COL_003_Verse_004.mp3,esi mienya be miaxɔ domenyinyi tso Aƒetɔ la gbɔ abe fetu ene. Elabena Aƒetɔ Kristo ŋutɔe miele dɔ wɔm na. data/test/COL/COL_004_Verse_006.mp3,"Medɔ dɔ tɔxɛ siae be wòava kpɔ ale si miele ɖa, eye be wòafa akɔ na mi, ade dzi ƒo hã na mi." data/test/COL/COL_001_Verse_009.mp3,"Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi, eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti." data/test/COL/COL_003_Verse_020.mp3,"Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu." data/test/COL/COL_001_Verse_006.mp3,"Epafra míaƒe hadɔwɔla lɔlɔ̃ lae tsɔ nyanyui la vɛ na mi. Eyae nye Yesu Kristo ƒe subɔla vavã si le kpekpem ɖe mia ŋuti ɖe mía teƒe," data/test/COL/COL_004_Verse_016.mp3,"Nenye be miexlẽ agbalẽ sia vɔ la, mitsɔe ɖo ɖe Laodikea hame la hã woaxlẽ, eye miawo hã mixɔ agbalẽ si meŋlɔ ɖo ɖe wo la hã miaxlẽ." data/test/COL/COL_001_Verse_011.mp3,"Eye be miada akpe na Fofo la, ame si wɔ mí be míedze na gomekpɔkpɔ le nu siwo kekeli la ƒe fiaɖuƒemetɔwo akpɔ gome le la me." data/test/COL/COL_003_Verse_013.mp3,"Mi fofowo la, miganɔ nya hem ɖe mia viwo ŋuti ale gbegbe be dzi naɖe le wo ƒo be woadzudzɔ agbagbadzedze o." data/test/COL/COL_002_Verse_005.mp3,"Eya amea me hã wotso aʋa na mi, le esime mieɖe miaƒe dzɔdzɔmenu vɔ̃ si nye ŋutilã la ɖa, menye kple aʋatsotso si wotsɔ asi tsoe o, ke esi wowɔ to Kristo me la boŋ." data/test/COL/COL_002_Verse_018.mp3,Nu siawo katã le gbegblẽ ge to wo ŋuti dɔ wɔwɔ me le amewo ƒe sededewo kple nufiafiawo nu. data/test/COL/COL_003_Verse_022.mp3,"Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi." data/test/COL/COL_001_Verse_005.mp3,"Eli xoxoxo hafi nu sia nu va dzɔ, eye eƒe ŋusẽ lé xexemenuwo katã ƒo ƒu." data/test/COL/COL_003_Verse_016.mp3,"Mi ɖeviwo la, ele be miabu mia fofowo kple mia dadawo ɣe sia ɣi, elabena esiae dze Aƒetɔ la ŋu." data/test/COL/COL_001_Verse_003.mp3,Elabena Mawu di be nu sia nu si le ye me la nanɔ ye Vi hã me. data/test/COL/COL_003_Verse_024.mp3,"Ne Kristo si nye miaƒe agbe va do la, ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me." data/test/COL/COL_002_Verse_004.mp3,"Esime mienye ame kukuwo le dzidadawo me, eye mienye Yudaviwo o ta, Mawu na be miekpɔ gome le Kristo ƒe agbenɔnɔ me, elabena etsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi," data/test/COL/COL_001_Verse_017.mp3,"Kristo ŋutɔe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, nu siwo míekpɔna kple nu siwo míekpɔna o la siaa wɔla. Eya kee wɔ gbɔgbɔwo ƒe xexeme si míekpɔna o la, eƒe fiawo, fiaɖuƒewo, amegãwo kple woƒe ŋusẽwo. Kristo wɔ esiawo katã na eya ŋutɔ ƒe ŋu dɔ wɔwɔ kple ŋutikɔkɔe." data/train/NAM/NAM_003_Verse_018.mp3,"Ŋuwòdzɔlawo asɔ gbɔ abe ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe ene, eye wò amegãwo asɔ gbɔ abe ʋetra siwo dze ɖe gli ŋu le ŋdi me, ke ne ɣe dze ko la, woadzo adzo, eye teƒe si wonɔ la magadze o ene." data/train/NAM/NAM_001_Verse_002.mp3,"Azɔ la, maŋe kɔkuti le wò kɔ, eye matu ka wò tso bablawo me.”" data/train/NAM/NAM_001_Verse_005.mp3,"Ke atsrɔ̃ Ninive kple tɔɖɔɖɔ, eye wòanya eƒe futɔwo aɖo ɖe viviti me." data/train/NAM/NAM_002_Verse_002.mp3,Dzatatsu léa nu si ade viawo kple dzatanɔ nu; etsɔa nuléleawo yɔa eƒe mlɔƒe kple eƒe dowo me fũu. data/train/NAM/NAM_003_Verse_019.mp3,"Ƒu to anyi nàse ale si sɔƒokawo le gbe dom, eye tasiaɖamwo ƒe afɔtiwo, kple sɔwo ƒe afɔkpawo le hoo wɔm esime tasiaɖamwo le du sim glaŋglaŋglaŋ le mɔtatawo dzi!" data/train/NAM/NAM_002_Verse_013.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be: “Metso ɖe ŋuwò; matɔ dzo wò tasiaɖamwo, eye wò dzataviwo atsi yi nu. Nyemagblẽ ame aɖeke ɖe anyigba dzi nàgada adzoe o, eye womagase wò ame dɔdɔwo ƒe gbe le teƒe aɖeke azɔ o.”" data/train/NAM/NAM_002_Verse_001.mp3,"Agbo si le tɔsisi la nu la aʋu siaa, eye fiasã la ƒe gliwo anye kpo, amu adze anyi." data/train/NAM/NAM_001_Verse_010.mp3,"Towo ʋuʋu kpekpekpe, eye togbɛwo lolõ gbanaa le eŋkume, anyigba kple edzinɔlawo katã ʋuʋu le eŋkume." data/train/NAM/NAM_001_Verse_013.mp3,"Yehowa medoa dziku kaɖikaɖi o, ŋusẽ triakɔ le esi, eye magbe tohehe na agɔdzela o. Eƒe mɔwo to ahom kple ya sẽsewo me, eye lilikpowoe nye eƒe afɔ ƒe ʋuʋudedi." data/train/NAM/NAM_002_Verse_010.mp3,"Woɖe gbe be woaɖe aboyo dua me tɔwo. Eƒe kosiviwo anɔ xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ ene, eye woanɔ akɔta ƒom." data/train/NAM/NAM_002_Verse_008.mp3,"Ninive le abe ta si ƒe tsi le sisim ene. Ne woado ɣli be: “Mitɔ, mitɔ,” la, ame aɖeke manye kɔ akpɔ megbe o." data/train/NAM/NAM_001_Verse_006.mp3,"Kpɔ ɖa, dɔlawo tso towo dzi gbɔna kple nya nyui, eye wole gbeƒã ɖem ŋutifafa! O Yuda, ɖu wò ŋkekenyuiwo, eye nàxe wò adzɔgbeɖefewo. Ame vɔ̃ɖiwo magava aha wò azɔ o, elabena woatsrɔ̃ wo keŋkeŋ." data/train/NAM/NAM_002_Verse_012.mp3,"Yehowa agbugbɔ Yakob ƒe atsyɔ̃ nɛ, eye wòanɔ abe Israel tɔ ene. Togbɔ be futɔwo gblẽ wò, Yakob ƒe anyigba, eye woha wò waingblewo hã." data/train/NAM/NAM_003_Verse_013.mp3,"Sɔdolawo dze agbo, yiwo le dzo dam, eye akplɔwo le dzo sim le woƒe asi me! Ame tsiaʋawo teƒe mekɔ o, ame kukuwo sɔ gbɔ taŋtaŋtaŋ, eye ɖewo tsi wo nɔewo dzi. Amewo le wo dzi zɔm le anyi dzem, le fɔfɔm; gale anyi dzem." data/train/NAM/NAM_001_Verse_003.mp3,"Eblu ɖe atsiaƒu ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo me ƒu kplakplakpla. Basan kple Karmel ƒe lãnyiƒe damawo zu gbegbe, eye Lebanon ƒe ave damawo zu dzogbe." data/train/NAM/NAM_002_Verse_011.mp3,"Woɖi gbɔlo dua keŋkeŋ, wohae eye woɖe amae. Amewo ƒe dzi gbã, klowo le ƒoƒom kpakpakpa, ameti blibo la le dzodzom nyanyanya, eye ŋkume sia ŋkume afu tititi." data/train/NAM/NAM_001_Verse_015.mp3,"Yehowa nyo, elabena enye sitsoƒe le xaxa me! Eléa be na ame si xɔa edzi sena." data/train/NAM/NAM_003_Verse_012.mp3,"O Asiria fia, wò kplɔlawo le akɔlɔ̃e dɔm; wò bubumewo mlɔ anyi le dzudzɔm. Woakaka wò amewo ɖe towo dzi, eye ame aɖeke maƒo wo nu ƒu o." data/train/NAM/NAM_001_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Togbɔ be wosɔ gbɔ, eye kpeɖeŋutɔwo le wo si hã la, wo katã woatsrɔ̃, eye wo nu ava ayi. O Yuda, togbɔ be mede abi ŋuwò hã la, nyemagade abi ŋuwò azɔ o." data/train/NAM/NAM_003_Verse_004.mp3,"Esi nèle nu siawo wɔm la dzo ava fia wò; yi alã wò aƒu anyi, eye woaɖu wò abe ale si ʋetsuvi ɖua nui ene. Midzi ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene, misɔ gbɔ ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene." data/train/NAM/NAM_003_Verse_002.mp3,"Du tsi kɔ ɖi na ɖokuiwò ɖe aʋadzegbe ŋu. Dzra wò mɔ sesẽwo ƒe gliwo ɖo. Ge ɖe anyiʋewo me, eye nànya anyi atsɔ tre gli gbagbãwoe." data/train/NAM/NAM_001_Verse_011.mp3,"Woabla wo ɖe ŋuve me, woano woawo ŋutɔ ƒe wain amu, eye woabi abe gbe ƒuƒu ene." data/train/NAM/NAM_001_Verse_009.mp3,"O Ninive, mewòe ame si ɖo nugbe ɖe Yehowa ŋu, eye wòɖo aɖaŋu vlo na amewo la do tso." data/train/NAM/NAM_003_Verse_011.mp3,"Naneke mate ŋu awu abi si nèxɔ la o, elabena edzi ŋɔ ŋutɔ. Ame sia ame si ase wò anyidzedze la, aƒo asikpe ɖe tawò, elabena ame kae mekpɔ gome le wò ŋutasesẽ gbogboawo me o?" data/train/NAM/NAM_001_Verse_008.mp3,"Nugbe ɖe sia ɖe si woɖo ɖe Yehowa ŋu la, mana wòadze edzi o, ke boŋ gbegblẽ mava na wo zi evelia o." data/train/NAM/NAM_002_Verse_003.mp3,"Fia la ado ɣli ayɔ eƒe aʋafiawo; woanɔ du dzi anɔ anyi dzem, anɔ fɔfɔm be yewoayi aɖaɖo gli sesẽwo, ale be futɔwo mate ŋu akpɔ mɔ ava o." data/train/NAM/NAM_003_Verse_015.mp3,"Wò mɔ sesẽwo katã anɔ abe gboti si dzi kutsetse ɖiɖiwo le la ene. Ne woʋuʋu atia la, kutsetsewo gena ɖe eɖula ƒe nu me." data/train/NAM/NAM_003_Verse_006.mp3,"gake Tebes dze anyi, woɖe aboyo emenɔlawo, eye wotsɔ wo viwo ƒe ta xlã ɖe kpe le mɔtatawo dzi. Wodzidze nu ɖe eƒe bubumewo dzi, eye wode kɔsɔkɔsɔ eƒe amegãwo katã." data/train/NAM/NAM_001_Verse_012.mp3,"Yehowa de se tso wò Ninive ŋuti be: “Womayɔ wò ŋkɔ ɖe dzidzime aɖeke ŋuti o. Mafli miaƒe aklamakpakpɛwo, eye magbã legba siwo mieli ɖe miaƒe mawuwo ƒe gbedoxɔ me. Maɖe yɔdo na mi, elabena mieganyo na naneke o.”" data/train/NAM/NAM_002_Verse_000.mp3,"Afi ka dzatawo ƒe do la le azɔ? Afi si wonyia dzataviwo le, afi si dzatatsu kple dzatanɔ kple dzatavi ɖia tsa le vɔvɔ̃manɔmee ɖe?" data/train/NAM/NAM_003_Verse_007.mp3,"Kpɔ wò asrafowo ɖa, wo katã wole abe nyɔnuwo ene. Wò anyigba ƒe agbo anɔ ʋuʋu ɖi siaa na wò futɔwo, eye dzo afia wò gametiwo." data/train/NAM/NAM_003_Verse_008.mp3,"Kus kple Egipte nye eƒe ŋusẽ triakɔ la. Nenema ke Putitɔwo kple Libiatɔwo nye eƒe kpeɖeŋutɔwo le aʋa me," data/train/NAM/NAM_003_Verse_017.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be: “Le esia ta, metsi tsitre ɖe ŋuwò, azɔ maɖe motsyɔvɔ le mo na wò, mana dukɔwo nakpɔ wò amame, eye fiaɖuƒewo nakpɔ wò ŋukpe." data/train/NAM/NAM_002_Verse_004.mp3,"Futɔwo ƒe asrafowo ƒe akpoxɔnu biã dzẽe, eye wodo awu dzĩ. Tasiaɖamŋugawo le dzo dam gbe si gbe wobla akpa na aʋawɔwɔ, eye kalẽtɔwo le woƒe akplɔwo nyem le yame." data/train/NAM/NAM_003_Verse_000.mp3,"Ame siwo katã akpɔ wò la, dzidzi aƒo wo, eye woagbugbɔ ɖe megbe agblɔ be, ‘Ninive gbã gudugudu, ame ka afa nɛ?’ Afi ka makpɔ ame aɖe le wòafa akɔ na wò?”" data/train/NAM/NAM_002_Verse_005.mp3,"Miha klosalowo! Mìha sika! Kesinɔnuwo sɔ gbɔ fũu, xexlẽme meli na nu xɔasi siawo o." data/train/NAM/NAM_003_Verse_009.mp3,"Malɔ gbeɖuɖɔ akɔ ɖe dziwò, ado ŋunyɔ wò, eye nàzu nukpɔkpɔ na dukɔwo." data/train/NAM/NAM_003_Verse_003.mp3,"Èdzi wò asitsalawo ɖe edzi va se ɖe esime wosɔ gbɔ wu ɣletiviwo, gake ʋetsuviwo aɖu wo, aɖi gbɔlo anyigba la, eye woadzo adzo." data/train/HAB/HAB_003_Verse_004.mp3,Ètsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ ŋɔ ta nɛ esi eƒe asrafowo dze mía dzi be yewoakaka mí. Wole gbe tem abe ɖe wodi be yewoavuvu nublanuitɔ siwo si be la ene. data/train/HAB/HAB_003_Verse_018.mp3,"Yehowa, mese nya le wò gãnyenye ŋuti. O Yehowa, wò nuwɔwɔwo wɔ nuku lo! Gbugbɔ wo wɔ yeye le míaƒe ŋkekewo me. Ɖe wo fia le míaƒe ɣeyiɣi me. Le wò dziku me, ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi." data/train/HAB/HAB_002_Verse_002.mp3,"Baba na ame si gblɔ na atikpakpɛ be, ‘Gbɔ agbe!’ Alo na kpe si me agbe mele o be, ‘Nyɔ!’ Ɖe wòate ŋu afia mɔ amea? Wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃ nɛ gake agbegbɔgbɔ mele eme o.”" data/train/HAB/HAB_001_Verse_011.mp3,"Woƒe sɔwo ƒua du wu lãkle, eye wonyrana wu amegaxi le zã me. Woƒe asrafo sɔdolawo lũna ɖe nu dzi kple kalẽ; ɖeɖi metea woƒe sɔdolawo ŋu o. Wosaa agba le futɔwo dzi abe hɔ̃ si di be yeaƒo nu ene." data/train/HAB/HAB_002_Verse_015.mp3,“Nye kɔ nàkpɔ dadala la ɖa; nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke mele eya amea me o; ke ame dzɔdzɔe anɔ agbe to eƒe xɔse me. data/train/HAB/HAB_001_Verse_012.mp3,"Woƒe tameɖoɖo koe nye be woagblẽ nu. Woƒe amehawo gbɔna kple du abe yaƒoƒo kple dzo sesẽ le dzogbe ene, ne woalé aboyomewo woasɔ gbɔ fũu abe ƒutake ene." data/train/HAB/HAB_003_Verse_015.mp3,"O Yehowa, ɖe nèdo dziku ɖe tɔsisiwo ŋua? Ɖe wò dɔmedzoe bi ɖe tɔʋuwo ŋua? Ɖe wò dziku bi ɖe atsiaƒu ŋu esi nèdo wò sɔwo kple wò tasiaɖamwo le wò dziɖuɖu mea?" data/train/HAB/HAB_003_Verse_007.mp3,Èzɔ to anyigba dzi le wò dziku dziŋɔ la me eye nèɖo afɔ dukɔwo dzi kple dziku. data/train/HAB/HAB_003_Verse_019.mp3,Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo nɔƒe le dziƒo esi wokpɔ wò aŋutrɔ bibiawo kple wò akplɔ si le dzo kem miamiamia. data/train/HAB/HAB_001_Verse_007.mp3,Nu ka ta nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm? Nu ka wɔ nèɖe mɔ na nu gbegblẽ wɔwɔ? Elabena gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me eye avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ ƒo xlãm. data/train/HAB/HAB_002_Verse_020.mp3,"Ɖe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la meɖoe be amewo ƒe agbagbadzedzewo katã nabi le dzo me eye dukɔwo naka hiã wo ɖokui dzodzro oa?" data/train/HAB/HAB_002_Verse_003.mp3,“Baba na ame si na aha ehavi wòno eye wòku wain na ehavi wòno va se ɖe esime wòmu be yeakpɔ eƒe amame. data/train/HAB/HAB_001_Verse_016.mp3,Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le wo ŋu; wowɔa nu si dze woawo ŋutɔ ŋu; wodoa wo ɖokuiwo ɖe dzi. data/train/HAB/HAB_003_Verse_008.mp3,"Eƒe ŋutikɔkɔe nɔ abe agudzedze ene eye keklẽ gã aɖe do tso eƒe asi me, afi si eƒe ŋusẽ be ɖo." data/train/HAB/HAB_003_Verse_005.mp3,Ètsɔ wò sɔwo blu atsiaƒu kple tsi gbana la. data/train/HAB/HAB_003_Verse_006.mp3,Etɔ eye wòʋuʋu anyigba; ekpɔ nu eye dukɔwo ʋuʋu. Blematowo kaka eye gbe aɖe gbe togbɛwo ŋe dze eme. Eƒe mɔwo li tegbee. data/train/HAB/HAB_003_Verse_002.mp3,Ehe wò dati ɖe go eye nèbia be woatsɔ wò aŋutrɔwo na wò. Sela. Ètsɔ tɔsisiwo ma anyigba lae. data/train/HAB/HAB_003_Verse_011.mp3,Mawu tso Teman va. Kɔkɔetɔ la ɖi tso Paran to dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ dziƒowo eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi! data/train/HAB/HAB_002_Verse_000.mp3,"Ame geɖewo ƒe tsɔtsrɔ̃ tso mia gbɔ eya ta miedo ŋukpe miawo ŋutɔ ƒe aƒe, miebu miawo ŋutɔ ƒe agbe." data/train/HAB/HAB_001_Verse_017.mp3,Ɖe nàɖe mɔ be woanɔ ɖɔdada dzi ahatsrɔ̃ dukɔwo nublanuimakpɔtɔea? data/train/HAB/HAB_002_Verse_014.mp3,Nu vlo si nèwɔ Lebanon la ava ƒo ɖe wò hã dziwò. Lã siwo katã nètsrɔ̃ la ado ŋɔdzi na wò elabena èkɔ ʋu ɖi eye nètsrɔ̃ anyigba kple duwo kple wo me nɔlawo katã. data/train/HAB/HAB_003_Verse_016.mp3,"Togbɔ be gboti meƒo se o eye wain metse ɖe wainkawo ŋu o, togbɔ be amiti metse o eye nuɖuɖu mele agble dzi o, togbɔ be alẽwo vɔ le alẽkpo me, eye nyiwo vɔ le nyikpo me hã la," data/train/HAB/HAB_002_Verse_005.mp3,"“Baba na mi, mi ame siwo wu amewo eye miexɔ ga le amewo si tsɔ tso hlɔ̃dodui." data/train/HAB/HAB_002_Verse_004.mp3,"“Baba na ame si tu sã to amebaba me, ne yeawɔ nɔƒe ɖe dziƒo ke be yeasi le gbegblẽ nu." data/train/HAB/HAB_003_Verse_014.mp3,"nye la, makpɔ dzidzɔ le Yehowa me eye madzɔ dzi le Mawu, nye Ɖela, me." data/train/HAB/HAB_001_Verse_013.mp3,Woɖua fewu le fiawo kple dumegãwo ŋuti eye woɖea alɔme le woƒe mɔ sesẽwo ŋuti. Ɖeko woƒua kpo ɖe woƒe gli sesẽwo ŋuti eye woxɔa dua! data/train/HAB/HAB_002_Verse_006.mp3,"Elabena azãgbe li na ɖeɖefia la elabena eƒo nu tso nuwuwu si le vava ge la ŋuti eye mada le edzi o; ke ne ehe ɖe megbe hã la, lalae elabena ava eme godoo, mada le edzi o." data/train/HAB/HAB_002_Verse_012.mp3,Kpe siwo wotsɔ tu miaƒe xɔwoe gɔ̃ hã ado ɣli ɖe mia ta eye ati siwo wotsɔ wɔ dzisasãwo la hã aɖe gbeƒã nya siwo kpeawo gblɔ. data/train/HAB/HAB_003_Verse_012.mp3,Mekpɔ Kusam ƒe agbadɔwo le xaxa me eye Midiantɔwo ƒe nɔƒewo le nublanui me. data/train/HAB/HAB_001_Verse_010.mp3,Wò ŋkuwo dza ale gbegbe be màte ŋu akpɔ nu vɔ̃ɖi o eye màte ŋu alɔ̃ nu gbegblẽ hã o; ke nu ka tae nèɖe mɔ wole nu tovo wɔm? Nu ka ta nèzi kpi ame vɔ̃ɖiwo mi ame siwo le dzɔdzɔe wu wo? data/train/HAB/HAB_003_Verse_001.mp3,Dɔ vɔ̃ le zɔzɔm le eŋgɔ eye dɔxɔleameŋu le eyome. data/train/HAB/HAB_003_Verse_010.mp3,Ke èdo be yeaɖe wò amewo eye yeaxɔ na wò amesiamina. Ègbã ta na ame vɔ̃ɖiwo ƒe anyigba ƒe kplɔla eye nèɖe amea tso tagbɔ va se ɖe afɔ gbɔ. Sela. data/train/HAB/HAB_003_Verse_017.mp3,"Towo kpɔ wò eye woŋe kple vevesese. Tsiɖɔɖɔ si va yi, tometsiwo ɖe gbe eye woƒe tsotsoewo de dzi." data/train/HAB/HAB_002_Verse_011.mp3,"Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, xexea me katã nazi ɖoɖoe le eŋkume." data/train/HAB/HAB_002_Verse_010.mp3,Ke anyigba dzi ayɔ fũu kple sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene. data/train/HAB/HAB_001_Verse_009.mp3,"O Yehowa, zi nenie mado ɣli ayɔ wò hafi nàxɔ nam? Medo ɣli yɔ wò ʋuu gake ŋuɖoɖo aɖeke meva o. Nu ka ta medo ɣli be: “Ŋutasesẽ le edzi yim” gake mèɖo xɔname ɖa o." data/train/HAB/HAB_003_Verse_013.mp3,"Mesee eye nye dzi dzo le menye kpakpakpa; nye nuyiwo dzo nyanyanya esi mese woƒe howɔwɔ la, vɔvɔ̃ ɖom ɖe nye ƒu tome ke eye nye afɔwo ƒo kpakpakpa. Ke malala kple dzigbɔɖi na dzɔgbevɔ̃eŋkeke la be wòava dukɔ si le mía ham la dzi." data/train/HAB/HAB_002_Verse_008.mp3,"Gawu la, wain ɖe hae, edoa eɖokui ɖe dzi eye medzea kɔ anyi o. Elabena ele abe yɔdo si nu meɖia kɔ na o ene eye wògale abe ku si nu meɖia ƒo na o ene. Eƒo dukɔwo katã nu ƒu na eɖokui eye wòdo kluvi amewo katã." data/train/HAB/HAB_002_Verse_007.mp3,"Esi mieha dukɔ geɖewo ta la ame siwo susɔ la aha miawo hã elabena miekɔ ʋu ɖi eye mietstrɔ̃ anyigbawo, duwo kple ame siwo le wo me." data/train/HAB/HAB_002_Verse_018.mp3,"“Ɖe amewo katã maɖia wo nu, aɖe alɔme le wo ŋu, ako wo ahagblɔ be: “ ‘Baba na ame si li kɔ nu siwo wofi ɖi eye wòwɔ eɖokui kesinɔtɔe to amebaba me. Ɣe ka ɣie nu siawo ayi edzi ase ɖo?’" data/train/HAB/HAB_002_Verse_001.mp3,Azɔ eɖo wò hã dziwò. Noe nàɖe amama eye ŋukpe nava dziwò le ŋutikɔkɔeteƒe. Kplu si Yehowa lé ɖe eƒe nuɖusime la gbɔna gbɔwò eye ŋukpe atsyɔ wò ŋutikɔkɔe dzi. data/train/HAB/HAB_002_Verse_016.mp3,“Viɖe kae le legba si ame li la ŋuti alo aklamakpakpɛ si daa alakpa la ŋuti? Ame si wɔe la tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe nu si eya ŋutɔ wɔ la dzi elabena ewɔ legba siwo mate ŋu aƒo nu o. data/train/HAB/HAB_002_Verse_019.mp3,"Ɖe wò fetɔwo matso ɖe ŋuwò kpata, ɖe womanyɔ ado ŋɔdzi na wò oa? Ekema àva zu woƒe nuhaha." data/train/HAB/HAB_001_Verse_003.mp3,Èwɔ amewo le abe lã siwo le atsiaƒu me kple nu gbagbe siwo le atsiaƒu me kplɔla meli na o ene. data/train/HAB/HAB_001_Verse_006.mp3,Mele Babiloniatɔwo fɔm ɖe te; dukɔ nyanyra ma si wɔa nu kabakaba tamemabumabutɔe; ame siwo azɔ to anyigba blibo la dzi be woaxɔ nɔƒe siwo menye wo tɔ o. data/train/HAB/HAB_001_Verse_001.mp3,"Esia ta wòsa vɔ na eƒe ɖɔ, eye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ na eƒe asabu, elabena eƒe ɖɔe na wòle agbe vivi ɖum eye nuɖuɖu damiwo le eƒe akɔme." data/train/HAB/HAB_001_Verse_004.mp3,"Futɔ vɔ̃ɖi la ɖe wo katã ɖe go kple ƒu. Eda ɖɔ na wo eye wòɖe wo ɖe eƒe ɖɔ me eya tae wòle dzidzɔ kpɔm, le aseye tsom ɖo." data/train/ROM/ROM_003_Verse_006.mp3,"Dzɔdzɔenyenye sia si tso Mawu gbɔ la vana to Yesu Kristo dzixɔse me na ame siwo katã xɔe se la. Vovototo aɖeke mele eme o," data/train/ROM/ROM_004_Verse_024.mp3,Woayra ŋutsu si ƒe nu vɔ̃ Aƒetɔ la mabu nɛ o la.” data/train/ROM/ROM_004_Verse_014.mp3,"Ke ne ame aɖe mewɔ dɔ o, gake wòxɔ Mawu, ame si tsoa afia na ame vɔ̃ɖi dzi se la, ekema woabu eƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee." data/train/ROM/ROM_007_Verse_018.mp3,"Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eho ŋubiabiã ƒomevi ɖe sia ɖe ɖe dzi le menye; elabena ne se meli o la, ekema nu vɔ̃ ku." data/train/ROM/ROM_012_Verse_001.mp3,"Eya ta nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe, eye wòdzea Mawu ŋu, wòanye miaƒe subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ." data/train/ROM/ROM_009_Verse_015.mp3,"Eye nu kae adzɔ ne ewɔ esia be yeaɖe yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnuwo afia ame siwo le mɔ kpɔm na eƒe nublanuikpɔkpɔ, ame siwo wòdzra ɖo do ŋgɔ na eƒe ŋutikɔkɔe la," data/train/ROM/ROM_008_Verse_031.mp3,"Ke miawo la, mienɔa agbe le ŋutilã nu o, ke boŋ mienɔa agbe le Gbɔgbɔ la nu, ne ele eme be Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me. Eye ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, eya amea menye Kristo tɔ o." data/train/ROM/ROM_011_Verse_016.mp3,"Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na atilɔ gbãtɔwo o la, makpɔ nublanui na miawo hã o." data/train/ROM/ROM_015_Verse_009.mp3,Eya ta meƒoa adegbe le nu siwo katã Kristo Yesu wɔ to dzinye le Mawu ta la ŋu. data/train/ROM/ROM_007_Verse_015.mp3,"Ke azɔ esi míeku na se si ƒe kpɔkplɔ te míenɔ kpɔ la, míevo tso se la me, be míasubɔ le Gbɔgbɔ la ƒe mɔ yeye nu, ke menye le se la ƒe mɔ xoxo nu o." data/train/ROM/ROM_003_Verse_021.mp3,"Mawu tsɔe na abe vɔsa ene ɖe mía nu, to eƒe ʋu la dzi xɔse me. Ewɔ esia be yeaɖe yeƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ afia, elabena le eƒe lɔlɔ̃ ta la, mena tohehe amewo ɖe nu vɔ̃ siwo wowɔ la ta o." data/train/ROM/ROM_004_Verse_006.mp3,"Elabena ne ame siwo le agbe le se la nu nye domenyilawo la, ekema xɔse menye viɖenu o, eye ŋugbedodo la nye yakanu," data/train/ROM/ROM_010_Verse_015.mp3,"Ke xɔse vana na ame to nyanyui la sese me, eye nyanyui la tsoa Mawu ƒe nya me vana." data/train/ROM/ROM_011_Verse_002.mp3,Alea ke wògale egbe sia hã. Menye Yudatɔwo katãe de megbe tso Mawu gbɔ o. Ame ʋɛ aɖewo le xɔxɔ kpɔm le Mawu ƒe amenuveve si wòtsɔ tia woe la ta. data/train/ROM/ROM_008_Verse_032.mp3,"Ke míenya be le nuwo katã me la, Mawu wɔa nu hena ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe nyui, ame siwo woyɔ le eƒe tameɖoɖo ɖi nu." data/train/ROM/ROM_009_Verse_014.mp3,"Eya ta Mawu kpɔa nublanui na ame siwo wòlɔ̃na be yeakpɔ nublanui na la, eye wòsẽa dzi me na ame siwo wòlɔ̃na be yeasẽ dzi me na la." data/train/ROM/ROM_008_Verse_026.mp3,"Gake le nu siawo katã me la, míeɖu dzi glo le ame si lɔ̃ mí la me." data/train/ROM/ROM_006_Verse_022.mp3,"Woxɔ mi le nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo." data/train/ROM/ROM_005_Verse_010.mp3,"Eye menye ame ɖeka si wɔ nu vɔ̃ la ta Mawu ƒe nunana la va ɖo o; elabena fɔbubu va to ʋɔnudɔdrɔ̃ ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ me, ke wotso afia na ame geɖewo to amenuveve la me." data/train/ROM/ROM_011_Verse_008.mp3,"Azɔ ne woƒe anyidzedze zu xexea me katã ƒe yayra, eye woƒe bubu zu ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe yayra la, ekema mibu yayra gã si wu esia si ava xexea me dzi ne Yudatɔwo hã va xɔ Yesu la ŋu." data/train/ROM/ROM_002_Verse_025.mp3,Nu sia adzɔ le ŋkeke si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo to Yesu Kristo dzi abe ale si nyanyui la gblɔ ene. data/train/ROM/ROM_001_Verse_031.mp3,"Wotsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔli aʋatsoe; wosubɔa nuwɔwɔwo, eye wodea ta agu na wo wu wo Wɔla, ame si wòle be woakafu tegbetegbe. Amen." data/train/ROM/ROM_011_Verse_000.mp3,"Abe ale si mienya ene la, Mawu tiam be manye dɔtsɔla tɔxɛ na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la. Medaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi be etsɔ dɔ vevie sia de asi nam" data/train/ROM/ROM_010_Verse_014.mp3,"Ke nya ka wògblɔ? “Nya la tsɔ ɖe gbɔwò kpuie; ele wò nu me, eye wòle wò dzi me hã.” Esia nye xɔse si ŋu míele gbeƒã ɖem le la." data/train/ROM/ROM_011_Verse_019.mp3,"Eye zi ale si Abraham kple nyagblɔɖilawo nye Mawu ƒe amewo la, nenema ke wo viwo hã anye Mawu ƒe amewo. Elabena ne ati aɖe ƒe kewo le kɔkɔe la, eƒe alɔwo hã nɔa kɔkɔe." data/train/ROM/ROM_001_Verse_026.mp3,"Togbɔ be wobu be yewonye nunyalawo hã la, wonye bometsilawo boŋ," data/train/ROM/ROM_009_Verse_018.mp3,Ke mele eme be Mawu ƒe ŋugbedodowo zu dzodzro o. Elabena menye ame siwo katã tso Israel lae nye Israeltɔwo o. data/train/ROM/ROM_008_Verse_017.mp3,"Elabena susu si ŋutilã la kplɔna la nye ku, ke susu si Gbɔgbɔ la kplɔna la nye agbe kple ŋutifafa." data/train/ROM/ROM_003_Verse_001.mp3,"Aleke míawu nya la nue? Ɖe míagblɔ be míenyo wu ame bubuwoa? Ao, mele eme nenema o, elabena míegblɔ xoxo be Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa nye nu vɔ̃ wɔlawo." data/train/ROM/ROM_004_Verse_000.mp3,"Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ ene be: “Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo.” Eyae nye mía fofo le Mawu ŋkume, ame si dzi wòxɔ se, Mawu, ame si naa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nu siwo meli o la abe ɖe woli ene." data/train/ROM/ROM_012_Verse_018.mp3,"Ne wò nunanae nye be nàsubɔ ame bubuwo la, ekema nàsubɔ wo nyuie. Ne ènye nufiala la, nàfia nu nyuie." data/train/ROM/ROM_005_Verse_005.mp3,"Elabena esi míenye Mawu ƒe futɔwo tsã, eye míewɔ ɖeka kple Mawu to Via ƒe ku me la, míakpɔ ɖeɖe wu to eƒe agbe me." data/train/ROM/ROM_006_Verse_009.mp3,"Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me." data/train/ROM/ROM_007_Verse_017.mp3,"Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eblem, eye to sedede me la, wotso kufia nam." data/train/ROM/ROM_008_Verse_020.mp3,Eya ta ame siwo gale agbe le ŋutilã nu la mate ŋu adze Mawu ŋu o. data/train/ROM/ROM_004_Verse_012.mp3,"Ke meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me o, ke boŋ edo ŋusẽ eƒe xɔse, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu," data/train/ROM/ROM_015_Verse_003.mp3,"Ehiã be mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la, míabu ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, eye míagadze mía ɖokui ŋu o." data/train/ROM/ROM_010_Verse_018.mp3,"Mose ŋlɔ ɖi le dzɔdzɔenyenye si tso se la me la ŋuti be, “Ame si wɔ nu siawo la, anɔ agbe ɖe wo nu.”" data/train/ROM/ROM_009_Verse_033.mp3,"Ɖe mɔɖeɖe meli be zemela natsɔ anyi ame ze si ŋu bubu le, eye wòagatsɔ eƒe ɖe ame ze si ŋu bubu mele o la mahã?" data/train/ROM/ROM_013_Verse_001.mp3,"Eya ta ame sia ame si gbe dukɔa ƒe sewo dzi wɔwɔ la gbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ, eye tohehe adze nu sia yome." data/train/ROM/ROM_014_Verse_009.mp3,"Mawu ƒe subɔlawo wonye, menye miawo ƒe subɔlawo wonye o. Mawue wole agbe na, menye miawoe wole agbe na o. Mina Mawu nana woanya ne wo tɔ dzɔ loo alo wo tɔ medzɔ o. Mawu ate ŋu ana woawɔ nu si wòle be woawɔ la." data/train/ROM/ROM_016_Verse_020.mp3,"Migblɔ na Filologo, Yunia, Nereo kple nɔvia nyɔnu kple Olimpa kple kristotɔ bubu siwo katã le wo gbɔ la be medo gbe na wo." data/train/ROM/ROM_007_Verse_019.mp3,"Meda akpe na Mawu be eɖem to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi. Eya ta azɔ la, menye kluvi na Mawu ƒe se la le nye susu me, ke menye kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le ŋutilã nu." data/train/ROM/ROM_007_Verse_021.mp3,"Nye la, menɔ agbe kpɔ se aɖeke te manɔmanɔe; ke esi sedede la va la, nu vɔ̃ gbɔ agbe, eye meku." data/train/ROM/ROM_008_Verse_013.mp3,Elabena míenya be nuwɔwɔ blibo la katã le veve sem abe fuɖuame ene va se ɖe fifi. data/train/ROM/ROM_008_Verse_029.mp3,Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu be Mawu viwo míenye. data/train/ROM/ROM_016_Verse_006.mp3,"Mawu, ame si ɖeka koe nye nunyala to Yesu Kristo dzi la tɔ nanye ŋutikɔkɔe la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen." data/train/ROM/ROM_015_Verse_000.mp3,"be manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na ame siwo menye Yudatɔwo o la, eye be matsɔ Mawu ƒe nyanyui la vɛ na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, be miazu vɔsa si dze Mawu ŋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã kɔ eŋu." data/train/ROM/ROM_009_Verse_008.mp3,"Elabena Aƒetɔ la atso nya me le anyigba la ŋuti, eye wòawu eƒe wɔnawo nu kaba le dzɔdzɔenyenye me.”" data/train/ROM/ROM_009_Verse_001.mp3,"Alo ame siwo katã tso Abraham ƒomea me lae nye Abraham ƒe viwo o, ke boŋ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, “woanya wò ƒome la to Isak kple eƒe dzidzimeviwo dzi.”" data/train/ROM/ROM_012_Verse_010.mp3,"Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Miwɔ nyui, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔe be mienye nyateƒetɔwo le goawo katã me." data/train/ROM/ROM_003_Verse_024.mp3,"Nu ka ta womagblɔ be, abe ale si ame aɖewo ka aʋatso ɖe mía si ene be míegblɔ be, “Mina míawɔ nu vɔ̃ be nu nyui nado tso eme” o ɖo? Enyo be woabu fɔ wo!" data/train/ROM/ROM_010_Verse_021.mp3,"Se la ƒe nuwuwue nye Kristo, be ame sia ame si xɔ edzi se la nakpɔ dzɔdzɔenyenye." data/train/ROM/ROM_008_Verse_019.mp3,Elabena woɖe mí to mɔkpɔkpɔ sia me. Gake mɔkpɔkpɔ si kpɔa nu kple ŋku la menye mɔkpɔkpɔ wònye o. Ame kae kpɔa mɔ na nu si su esi xoxo mahã? data/train/ROM/ROM_010_Verse_017.mp3,"Megale biabiam ake be: Ɖe Israeltɔwo mese nya la gɔme oa? Mosee nye ame gbãtɔ gblɔ be, “Mana miaʋã ŋu ɖe dukɔ si menye dukɔ o la ŋu; eye mana miado dɔmedzoe ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu.”" data/train/ROM/ROM_008_Verse_005.mp3,be nuwɔwɔ la axɔ ablɔɖe tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me age ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me. data/train/ROM/ROM_011_Verse_005.mp3,"Azɔ la, Yudatɔ geɖewo nye nyanyui la ƒe futɔwo. Wolé fui. Ke nu sia ɖe vi na miawo, elabena ena Mawu tsɔ eƒe nunana na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la. Ke Mawu galɔ̃a Yudatɔwo kokoko le eƒe ŋugbe si wòdo na Abraham, Isak kple Yakob la ta." data/train/ROM/ROM_001_Verse_030.mp3,"Wonye numanyalawo, dzimaxɔsetɔwo, nublanuimakpɔlawo kple tamesesẽtɔwo." data/train/ROM/ROM_003_Verse_018.mp3,"gbegblẽ kple nuxaxa le woƒe mɔwo dzi," data/train/ROM/ROM_003_Verse_011.mp3,"elabena wo katã wowɔ nu vɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe bu ɖe wo," data/train/ROM/ROM_011_Verse_023.mp3,"Kpɔ nyuie. Ɖo ŋku edzi be wolã alɔ siwo nye Yudatɔwo la ɖa, elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye miawo miezu alɔwo le miaƒe dzixɔse ɖeɖe ko ta. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi o, ke nɔ vɔvɔ̃m boŋ." data/train/ROM/ROM_006_Verse_023.mp3,"Ɖe mienyae bena ne mietsɔ mia ɖokui wɔ kluvi na ame aɖe, be miaɖo toe la, miezu kluvi na ame si mieɖoa toe la, eɖanye kluviwo na nu vɔ̃ hena ku alo kluviwo na toɖoɖo hena dzɔdzɔenyenye o mahã?" data/train/ROM/ROM_004_Verse_010.mp3,eye wòka ɖe edzi blibo be Mawu ate ŋu awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo la. data/train/ROM/ROM_012_Verse_009.mp3,"Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la." data/train/ROM/ROM_004_Verse_001.mp3,"Abraham ganye ame siwo katã wotso aʋa na la fofo, ame siwo mexɔ aʋatsotso ɖeɖe ko o, ke boŋ wonɔ agbe le xɔse me abe ale si mía fofo Abraham hã nɔ agbee hafi wotso aʋa nɛ ene." data/train/ROM/ROM_012_Verse_021.mp3,"Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o. Migblẽ hlɔ̃biabia ɖe Mawu ƒe asi me, elabena eya ŋutɔe gblɔ be yeabia hlɔ̃ ame siwo dze na hlɔ̃biabia la." data/train/ROM/ROM_005_Verse_008.mp3,"Eya ta ale si to vodada ɖeka me fɔbubu va amewo katã dzi la, nenema ke agbe ƒe afiatsotso va na amewo katã to nu dzɔdzɔe ɖeka wɔwɔ me." data/train/ROM/ROM_009_Verse_025.mp3,"Nu ka ta? Elabena wonɔ agbagba dzem be yewoakpɔ ɖeɖe to seawo dzi wɔwɔ me, eye yewoanɔ agbe nyui esime wòle be woanya be xɔse me ko yewoato akpɔ ɖeɖe hafi; wokli nukikli ƒe kpe la." data/train/ROM/ROM_004_Verse_005.mp3,"Eku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wofɔe ɖe tsitre ɖe afiatsotso na mí ta." data/train/ROM/ROM_011_Verse_012.mp3,Elabena Mawu magagbugbɔ eƒe nunanawo kple eƒe ameyɔyɔ axɔ o; Mawu magbe eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. data/train/ROM/ROM_014_Verse_012.mp3,"Mele be ame siwo buna be enyo be woaɖu lã ma tɔgbi la nado vlo ame siwo mebuna nenema o. Ne mienye ame siwo meɖunɛ o la, migaɖe vodada na ame siwo aɖui o. Elabena Mawu xɔ wo be woanye ye viwo." data/train/ROM/ROM_009_Verse_003.mp3,"Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be wometi dzɔdzɔenyenye yome o hã." data/train/ROM/ROM_007_Verse_006.mp3,"Elabena menya be nu nyui aɖeke menɔa menye o, ɖe ale si menye nu vɔ̃ ƒe ŋutilã ta. Elabena nu nyui wɔwɔ dzroam, gake nyemetea ŋu wɔnɛ o." data/train/ROM/ROM_001_Verse_003.mp3,"Azɔ la, to Yesu Kristo me la, wokɔ Mawu ƒe dɔmenyo ɖe mí nu vɔ̃ wɔla madzemadzewo dzi, eye azɔ la, ele mía dɔm ɖe xexea me be míagblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na xexea me la na ame siwo menye Yudatɔwo o la katã le afi sia afi, ale be woawo hã naxɔ edzi ase, eye woaɖo toe." data/train/ROM/ROM_012_Verse_015.mp3,"Ne ame aɖe wɔ nu masɔmasɔ aɖe ɖe ŋuwò le wò kristotɔnyenye ta la, mègaƒo fi dee o; do gbe ɖa ɖe eta, eye nàyrae." data/train/ROM/ROM_013_Verse_012.mp3,"Nu bubu si ta wòle be mianɔ agbe nyuie lae nye be: mienya be ɣeyiɣi boo megali o. Minyɔ, elabena xɔxɔ tu aƒe fifia wu ale si míexɔe se tsã." data/train/ROM/ROM_008_Verse_001.mp3,Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe mí ame siwo Mawu tia na eɖokui la ŋu? Mawue nye afiatsola. data/train/ROM/ROM_014_Verse_010.mp3,"Mègawɔ nu si ana amewo naɖe vodada na wò o, togbɔ be ènya be nu si yewɔ la nyo hafi hã." data/train/ROM/ROM_002_Verse_017.mp3,"Ke ne wò, ame si le ʋɔnu drɔ̃m amewo hafi le nu siawo ke wɔm la, ɖe nèsusu be yeasi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nua?" data/train/ROM/ROM_008_Verse_004.mp3,"Azɔ esi míenye viawo ta la, míezu eƒe kesinɔnuwo ƒe domenyilawo, Mawu ƒe domenyilawo kple ame siwo anyi dome kple Kristo, ne ele alea be míekpe fu kplii, be míakpɔ gome kplii le eƒe ŋutikɔkɔe me." data/train/ROM/ROM_009_Verse_026.mp3,"Nu kae adzɔ nenye be Mawu, ame si lɔ̃ ɖe eƒe dɔmedzoe kple ŋusẽ fia la gbɔ dzi ɖi na ame siwo dze na eƒe dɔmedzoe ƒe tohehe?" data/train/ROM/ROM_001_Verse_002.mp3,"ameŋugblẽlawo, ame siwo léa Mawu ɖe ke me, amemabulawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, ame siwo toa nu gbegblẽ yeyewo wɔwɔ vanɛ, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o." data/train/ROM/ROM_011_Verse_036.mp3,"Ɣe ma ɣi me la, maɖe woƒe nu vɔ̃wo katã ɖa abe nye nubabla kpli wo ene.”" data/train/ROM/ROM_009_Verse_020.mp3,"Ke Yesaya gblɔ tso Israeltɔwo ŋu be, “Togbɔ be wole abe ƒutake ene hã la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe akpɔ ɖeɖe." data/train/ROM/ROM_014_Verse_018.mp3,"Ne miesubɔ Kristo le nu siawo me la, dzi adzɔ Mawu, eye ame bubuwo hã akpɔ dzidzɔ." data/train/ROM/ROM_001_Verse_021.mp3,"Nyanyui sia ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia, dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be, “Ame dzɔdzɔe anɔ agbe to xɔse me.”" data/train/ROM/ROM_013_Verse_003.mp3,"Ke boŋ mibia Aƒetɔ Yesu Kristo be wòakpe ɖe mia ŋu, be mianɔ agbe abe ale si dze ene. Migakpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu o." data/train/ROM/ROM_007_Verse_024.mp3,"O, nye nu wɔ nublanui ŋutɔ! Ame kae aɖem tso ŋutilã si kplɔm yina ɖe ku mee la si me?" data/train/ROM/ROM_006_Verse_008.mp3,"Elabena míenya be woklã míaƒe nɔnɔme xoxoawo ɖe atitsoga ŋu kplii, bena woaɖe ŋutilã si dzi nu vɔ̃ ɖu fia ɖo la ɖa, be míaganye kluvi na nu vɔ̃ azɔ o." data/train/ROM/ROM_016_Verse_007.mp3,"Medo gbe na Rufo, ame si Aƒetɔ la tia be wòanye ye ŋutɔ tɔ kple dadaa lɔlɔ̃a, ame si kpɔ dzinye abe danye ene." data/train/ROM/ROM_002_Verse_023.mp3,"ne mieka ɖe edzi be yewoe afia mɔ ŋkuagbãtɔwo, yewoe nye kekeli na ame siwo le viviti me," data/train/ROM/ROM_007_Verse_001.mp3,"Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Ɖe se la nye nu vɔ̃ mahã? Gbeɖe! Ne se la meli o la, nyemate ŋu anya nu si nu vɔ̃ nye la o. Elabena nyemanya nu si nye ŋubiabiã ne womegblɔe le se la me o be, “Mègabiã ŋu o.”" data/train/ROM/ROM_007_Verse_005.mp3,Elabena mekpɔe dze sii be se si wode hena agbe la he ku vɛ boŋ. data/train/ROM/ROM_004_Verse_007.mp3,"elabena se la hea dɔmedzoe vanɛ. Eye afi si se mele o la, nu vɔ̃ menɔa anyi o." data/train/ROM/ROM_007_Verse_016.mp3,"Ke azɔ meganye nyee le esia wɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae." data/train/ROM/ROM_010_Verse_005.mp3,"Elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena ɖeɖekpɔkpɔ." data/train/ROM/ROM_008_Verse_009.mp3,"Elabena ame siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, ame mawoe nye Mawu viwo." data/train/ROM/ROM_006_Verse_001.mp3,"Azɔ ne míeku kple Kristo la, míexɔe se be míanɔ agbe kplii hã." data/train/ROM/ROM_005_Verse_003.mp3,"Elabena ale si to ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo me ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawo la, nenema ke to ame ɖeka ƒe toɖoɖo me la, woawɔ ame geɖewo woazu ame dzɔdzɔewo." data/train/ROM/ROM_009_Verse_010.mp3,"Elabena ŋugbedodo lae nye esi be, “Matrɔ ava gbɔwò le ƒe si gbɔna la me, eye Sara adzi ŋutsuvi.”" data/train/ROM/ROM_015_Verse_023.mp3,"Metsɔ dzideƒo ŋlɔ nya aɖewo na mi abe ŋkuɖoɖo nu dzi na mi ene, to amenuveve si Mawu nam la me," data/train/ROM/ROM_008_Verse_030.mp3,"Ke ame si dzroa míaƒe dziwo me la nyaa nu si Gbɔgbɔ la le didim, elabena Gbɔgbɔ la xɔa nya ɖe akɔ na Mawu ƒe amewo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me." data/train/ROM/ROM_014_Verse_016.mp3,"Mixɔ nɔvi ɖe sia ɖe si adi be yeage ɖe hamea me la nyuie, ne eƒe xɔse mesẽ ŋu o hã. Migahe nya ɖe eŋu le eƒe susu siwo to vovo tso mia tɔwo gbɔ la ŋu le nu si nyo alo nu si menyo o la ta o." data/train/ROM/ROM_015_Verse_016.mp3,"Kristo mewɔ nu be yeadze ye ɖokui ŋu o. Abe ale si Psalmokpala gblɔe ene la, “Eva be yeakpe fu, eye yeaxɔ dzudzu tso ame siwo tututu tsi tsitre ɖe Aƒetɔ la ŋu la gbɔ.”" data/train/ROM/ROM_002_Verse_029.mp3,"Wò, ame si ƒoa adegbe tso seawo ŋu ɖe, ɖe nèdoa vlo Mawu to se la dzi dada mea?" data/train/ROM/ROM_002_Verse_010.mp3,Elabena Mawu medea vovototo amewo me o. data/train/ROM/ROM_016_Verse_016.mp3,"Mido gbe na Maria hã, ame si wɔ dɔ sesĩe hekpe ɖe mía ŋu la nam." data/train/ROM/ROM_015_Verse_024.mp3,Meɖe wo fia to nye gbeƒãɖeɖe kple agbe nyui si menɔ le woƒe ŋkume la me hekpe ɖe nukunu siwo wowɔ to dzinye abe dzesiwo tso Mawu gbɔ ene la ŋu. Esiawo katã tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me. Meɖe gbeƒã Kristo ƒe nyanyui blibo la to mɔ sia dzi tso keke Yerusalem yi ɖado ɖe Iliriko ke. data/train/ROM/ROM_001_Verse_029.mp3,"tso Via, Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene, eye wodzii abe David ƒe tɔgbuiyɔvi ene la ŋu." data/train/ROM/ROM_012_Verse_006.mp3,"Migagbɔdzɔ le vevidodo nu me o, ke boŋ mixɔ dzo le gbɔgbɔ me, eye misubɔ Aƒetɔ la kple dzi blibo." data/train/ROM/ROM_011_Verse_004.mp3,Anye nu wɔnuku gã aɖe ŋutɔ ne wozu kristotɔwo. Mawu ƒe tɔtrɔ le wo yome fia be Mawu trɔ ɖe xexea me ƒe akpa bubuawo ŋu be woakpɔ ɖeɖe abe ame kukuwo ƒe agbegbɔgbɔ ene. data/train/ROM/ROM_003_Verse_000.mp3,"Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene la, “Ame dzɔdzɔe aɖeke meli o, ɖeka pɛ hã meli o;" data/train/ROM/ROM_011_Verse_018.mp3,"Eya ta alea nya la lee nye esi: Israeltɔ geɖewo mekpɔ Mawu ƒe amenuveve si dim wole la o. Wo dometɔ ʋɛ siwo Mawu tia la kpɔe, ke ame susɔewo ƒe ŋkuwo gbã." data/train/ROM/ROM_014_Verse_015.mp3,"Migana lãkɔ ɖeka nagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ me o. Miɖo ŋku edzi be naneke megblẽ le lã ŋu o, ke enye nu vɔ̃ be nàɖui, eye wòazu nuɖiaɖia na ame bubu." data/train/ROM/ROM_001_Verse_028.mp3,"Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa nenem nu siawo tɔgbi dze na ku hã la, womeyi nu sia nu wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o, ke boŋ woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ hã tɔ dzi." data/train/ROM/ROM_010_Verse_019.mp3,"Nɔvi lɔlɔ̃awo, nye dzimedidi kple nye gbedodoɖa na Mawue nye be Israeltɔwo nakpɔ ɖeɖe." data/train/ROM/ROM_006_Verse_016.mp3,"Ke azɔ esi woxɔ mi tso nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu Mawu ƒe kluviwo la, miekpɔa viɖe hena kɔkɔenyenye; ke nuwuwu la nye agbe mavɔ." data/train/ROM/ROM_016_Verse_018.mp3,"Mido gbe na Urbano, míaƒe hadɔwɔla le Kristo me kple nɔvi lɔlɔ̃tɔ Stakis nam." data/train/ROM/ROM_010_Verse_003.mp3,"Elabena mate ŋu aɖi ɖase tso wo ŋu be wotsɔa dzo ɖe Mawu ŋuti, gake womewɔa esia kple sidzedze o." data/train/ROM/ROM_004_Verse_015.mp3,"Megbɔdzɔ le xɔse me o, eya ta mebu be yeƒe ŋutilã ku, esi wòxɔ abe ƒe alafa ɖeka ene, eye Sara hã ƒe vidzidɔ ku na vidzidzi o." data/train/ROM/ROM_011_Verse_011.mp3,"Elabena Mawu gbɔ ko nu sia nu tsona. Nu sia nu le agbe le eya ko ƒe ŋusẽ ta, eye nu sia nu li na eƒe ŋutikɔkɔe. Ŋutikɔkɔe nanye etɔ tegbee! Amen." data/train/ROM/ROM_005_Verse_006.mp3,"Elabena nenye be to ame ɖeka ƒe vodada me ku ɖu fia to ame ɖeka ma dzi la, ekema ame siwo xɔ dzɔdzɔenyenye ƒe amenuveve kple nunana ƒe agbɔsɔsɔ la, woaɖu fia geɖe wu le agbe me to Yesu Kristo ɖeka dzi." data/train/ROM/ROM_010_Verse_013.mp3,"Ke mele biabiam be: Ɖe womese nya la o mahã? Ɛ̃, vavãe, wosee: “Wogblɔ nyanyui la le anyigba ƒe akpa sia akpa, eye woƒe nyawo de xexea me ƒe seɖoƒe ke." data/train/ROM/ROM_012_Verse_000.mp3,"Abe ale si ŋutinu geɖewo le miaƒe ŋutilãwo ŋu, eye ŋutinu siawo katã mewɔa dɔ ɖeka o ene la," data/train/ROM/ROM_002_Verse_018.mp3,"Ke ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋutifafa atso Mawu gbɔ na ame sia ame si le nu nyui wɔm la, gbã na Yudatɔwo, emegbe la, na ame siwo menye Yudatɔwo o." data/train/ROM/ROM_006_Verse_007.mp3,"Elabena míenya be esi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, magaku akpɔ o; ku magaɖu fia ɖe edzi akpɔ o." data/train/ROM/ROM_011_Verse_035.mp3,"Tsã la, mienye aglãdzelawo ɖe Mawu ŋu, ke esi Yudatɔwo gbe eƒe nunanawo xɔxɔ la, Mawu ve miawo nu ɖe wo teƒe." data/train/ROM/ROM_007_Verse_008.mp3,"Elabena srɔ̃nyɔnu la, zi ale si srɔ̃ŋutsu la le agbe la, se blae ɖe eŋuti; ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megabla nyɔnu la o." data/train/ROM/ROM_002_Verse_024.mp3,"ne mienya eƒe lɔlɔ̃nu, eye mieda asi ɖe nu si nyo la dzi, elabena wofia se la mi;" data/train/ROM/ROM_011_Verse_003.mp3,"“Ame kae tre nunana Mawu, be wòagaɖo eteƒe nɛ mahã?”" data/train/ROM/ROM_013_Verse_009.mp3,"Mina míawɔ nu dzeame, abe ale si nyo le ŋkeke me ene; menye le aglotutu kple ahamumu, ahasiwɔwɔ kple hadzedze, alo le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o." data/train/ROM/ROM_008_Verse_022.mp3,"Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míenyi fe, gake menye ŋutilã si míenyi fe le, be míanɔ agbe le ŋutilã nu o." data/train/ROM/ROM_012_Verse_013.mp3,"Mitsɔ dadaviwo ƒe lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo, eye mide bubu mia nɔewo ŋu wu miawo ŋutɔ mia ɖokuiwo." data/train/ROM/ROM_009_Verse_016.mp3,"Ke esi mekpɔ dzi evenɔviawo o, eye womewɔ nyui alo vɔ̃ o hã, bena Mawu ƒe tameɖoɖo ɖi nanɔ eteƒe le tatia la nu," data/train/ROM/ROM_015_Verse_005.mp3,"Ekema ne Mawu lɔ̃ la, mate ŋu ava mia gbɔ kple dzidzɔ, eye míade agbe yeye mía nɔewo me." data/train/ROM/ROM_014_Verse_007.mp3,"Ke ame sia ame si xɔ se be nu si yedi be yeawɔ menyo o la, mele be wòawɔe o. Ne ewɔe la, ewɔ nu vɔ̃, elabena ebu be menyo o, eya ta nua menyo na eya o. Nu sia nu si wòawɔ to nu si wònya be enyo gbɔ la nye nu vɔ̃." data/train/ROM/ROM_016_Verse_019.mp3,"Mido gbe na xɔ̃nye Trifena kple Trifosa, ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo. Mido gbe na Persis lɔlɔ̃a, ame si wɔ dɔ sesĩe ŋutɔ na Aƒetɔ la." data/train/ROM/ROM_016_Verse_022.mp3,"Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie, eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu." data/train/ROM/ROM_004_Verse_016.mp3,"Menye to se la mee Abraham kple eƒe dzidzimeviwo xɔ ŋugbedodo la le be anye xexea me ƒe domenyila o, ke boŋ to dzɔdzɔenyenye si tso xɔse mee." data/train/ROM/ROM_016_Verse_012.mp3,"Mido gbe na ame siwo katã kpea ta hesubɔa Mawu le woƒe aƒewo me la nam. Mido gbe na xɔ̃nye vevi, Epeneto hã nam. Eyae nye ame gbãtɔ si zu Kristotɔ le Asia." data/train/ROM/ROM_014_Verse_017.mp3,"Ne míele agbe la, míele agbe na Aƒetɔ la; eye ne míeku la, míeku na Aƒetɔ la. Eya ta ne míele agbe alo míeku la, Aƒetɔ la tɔe míenye." data/train/ROM/ROM_001_Verse_001.mp3,"Ale wo ameawo me yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi, nu tovo wɔwɔ, ŋukeklẽ kple gbɔ̃ɖiɖi ame ɖokui. Nenema ke ŋuʋaʋã, hlɔ̃dodo, dzrewɔwɔ, beble kple vɔ̃ediname hã yɔ wo me fũu. Wonye amenyagblɔlawo," data/train/ROM/ROM_004_Verse_009.mp3,"Eya ta ŋugbedodo la vana to xɔse me be wòanye amenuveve, eye wòanye Abraham ƒe dzidzimeviwo katã, menye ame siwo le se la te ɖeɖe ko o, ke boŋ ame siwo si xɔse le abe Abraham ene. Eyae nye mí katã fofo." data/train/ROM/ROM_013_Verse_006.mp3,"Mawu ƒe subɔlae nye kpovitɔ la ɖa ɖe wò nyonyo ta. Ke ne èle nu vɔ̃ aɖe wɔm la, eme kɔ ƒãa be ànɔ vɔvɔ̃m, elabena kpovitɔ la ana woahe to na wò nu gbegblẽ wɔla la." data/train/ROM/ROM_011_Verse_010.mp3,"Ekema Israel blibo la akpɔ ɖeɖe. Mieɖo ŋku nu si nyagblɔɖilawo gblɔ tso nu sia ŋuti dzia? “Xɔla aɖe ava tso Zion, eye wòatrɔ Yakob katã ɖa tso mawumavɔ̃mavɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ." data/train/ROM/ROM_004_Verse_002.mp3,"Azɔ ne ame aɖe wɔ dɔ la, ekema eƒe fetu menye nunana o, ke boŋ enye eƒe dɔdeasi." data/train/ROM/ROM_008_Verse_006.mp3,"be woawu se la ƒe dzɔdzɔenyenye nu le mí ame siwo mezɔna ɖe ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu ko la me." data/train/ROM/ROM_014_Verse_004.mp3,"Eya ta mègaɖe vodada na nɔviwò azɔ o. Le esia teƒe la, dze agbagba, eye nànɔ agbe, ale be mànye nuɖiaɖia na nɔviwò ne ekpɔ wò nèle nu si eya bu be menyo o la wɔm o." data/train/ROM/ROM_008_Verse_008.mp3,"Elabena ame siwo Mawu nya ɖi la, woawo ke wòɖo ɖi be woanɔ Via ƒe nɔnɔme me, be wòanye ŋgɔgbevi le nɔviawo dome." data/train/ROM/ROM_006_Verse_012.mp3,"Eya ta esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakplii, bena abe ale si wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke míawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me." data/train/ROM/ROM_015_Verse_029.mp3,"Ne metsɔ ga sia na wo, eye mewu dɔ nyui si wowɔ na wo nɔviwo nu na wo la, mava kpɔ mi ɖa ne mele Spania yim." data/train/ROM/ROM_005_Verse_021.mp3,"Se la va bena vodada la nasɔ gbɔ ɖe edzi. Gake afi si nu vɔ̃ sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ ɖe edzi wu," data/train/ROM/ROM_008_Verse_011.mp3,Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã tsɔ dzigbɔɖi kple mɔkpɔkpɔ le Mawu viwo ƒe ɖeɖefia la lalam. data/train/ROM/ROM_001_Verse_000.mp3,ale be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse. data/train/ROM/ROM_002_Verse_009.mp3,"ekema wò, ame si le nu fiam ame bubuwo la, ɖe mefiaa nu ɖokuiwò oa? Wò, ame si le mawunya gblɔm na amewo be womegafi fi o ɖe, ɖe nèfiaa fia?" data/train/ROM/ROM_009_Verse_009.mp3,"Elabena egblɔ na Mose be, “Makpɔ nublanui na ame si makpɔ nublanui na la, eye nye dɔ me atrɔ ɖe ame si ŋu nye dɔ me atrɔ ɖo la.”" data/train/ROM/ROM_012_Verse_003.mp3,"Le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si wònam nu la, mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be: migabu mia ɖokuiwo amegãwoe wu ale si dze o, ke boŋ mibu mia ɖokuiwo ɖokuibɔbɔlawoe le xɔse ƒe dzidzenu si Mawu na mi la nu." data/train/ROM/ROM_008_Verse_012.mp3,"Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ vɔ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o," data/train/ROM/ROM_009_Verse_012.mp3,"Esia le fiafiam be menye Abraham ƒe viwo katãe nye Mawu viwo o, ke boŋ ame siwo xɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋugbe si wodo na Abraham dzi se la koe." data/train/ROM/ROM_002_Verse_021.mp3,Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ku ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu. data/train/ROM/ROM_015_Verse_006.mp3,"Elabena kristotɔ siwo le Makedonia kple Akaya la di nanewo be yewoaɖo ɖe nɔvi siwo le Yerusalem, ame siwo le ɣeyiɣi sesẽ aɖe ŋutɔ me tom la." data/train/ROM/ROM_014_Verse_021.mp3,"Nu sia tututu tae Kristo ku, eye wògatsi tsitre ɖo, ale be wòate ŋu anye míaƒe Aƒetɔ le agbe kple ku me." data/train/ROM/ROM_006_Verse_010.mp3,"Esi wòku la, eku na nu vɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ɔ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu." data/train/ROM/ROM_011_Verse_014.mp3,“Elabena mía dometɔ kae ate ŋu anya Aƒetɔ la ƒe susu? Ame kae nya nu egbegbe be wòate ŋu azu eƒe adaŋudela alo mɔfiala?” data/train/ROM/ROM_006_Verse_014.mp3,"Eya ta ne míezu ɖeka kplii, eye míesɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me." data/train/ROM/ROM_016_Verse_011.mp3,Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã. Amen. data/train/ROM/ROM_008_Verse_000.mp3,"Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me; wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.”" data/train/ROM/ROM_015_Verse_031.mp3,"Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be, “Yese ƒe ke, ame si atsi tsitre be yeaɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi la ava; eyae ame siwo menye Yudatɔwo o la akpɔ mɔ na.”" data/train/ROM/ROM_009_Verse_029.mp3,"Woawo tɔe nye vinyenye la; woawo tɔe nye Mawu me ŋutikɔkɔe la, nubablawo, se la xɔxɔ, gbedoxɔmesubɔsubɔ la kple ŋugbedodoawo." data/train/ROM/ROM_010_Verse_016.mp3,"Ke Yesaya do dzi gblɔ bena, “Ame siwo medim o la kpɔm, eye meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o la.”" data/train/ROM/ROM_015_Verse_028.mp3,"Miɖo ŋku edzi be Yesu Kristo va be yeafia mí be Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye be yeakpe ɖe Yudatɔwo ŋu." data/train/ROM/ROM_009_Verse_005.mp3,"be mele nu xam ŋutɔ, eye nye dzi le veve sem ɣe sia ɣi." data/train/ROM/ROM_015_Verse_027.mp3,"Migaɖo ŋku edzi hã be eva be ame siwo menye Yudatɔwo o la hã nakpɔ ɖeɖe, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu le ale si wòvea wo nu la ta. Nu siae Psalmokpala la fia esi wòŋlɔ bena, “Makafu wò le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye madzi ha na wò ŋkɔ.”" data/train/ROM/ROM_009_Verse_023.mp3,"menye le dɔwɔwɔ aɖeke nu o, ke boŋ tso ame si yɔa ame gbɔ, wogblɔ na Rebeka be, “Tsitsitɔ la azu subɔla na ɖevitɔ la”;" data/train/ROM/ROM_007_Verse_022.mp3,"Nyemesea nu si mewɔna la gɔme o. Elabena menye nu si medina be mawɔ la mewɔna o, ke nu si melé fui la, eya boŋ mewɔna." data/train/ROM/ROM_007_Verse_013.mp3,"Eye ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, melɔ̃na be se la nyo." data/train/ROM/ROM_002_Verse_020.mp3,"(Le nyateƒe me la, ne ame siwo menye Yudatɔwo o, ame siwo si se mele o, gake wowɔ nu ɖe dzɔdzɔme ƒe ɖoɖo nu eye wòsɔ kple se la la, ekema wozu se na wo ɖokuiwo," data/train/ROM/ROM_008_Verse_028.mp3,"Gake ne míele mɔ kpɔm na nu si mesu mía si haɖeke o la, míelalanɛ le dzigbɔɖi me." data/train/ROM/ROM_011_Verse_020.mp3,"Gake mikpɔ nyuie be miagaƒo adegbe be wotsɔ yewo ɖo atilɔ siwo wolã ɖa la teƒe o. Miɖo ŋku edzi be miele vevie le ale si mienye Mawu ƒe ati la ƒe akpa aɖe la ɖeɖe ko ta; alɔ ko mienye, menye ati la ƒe kee mienye o." data/train/ROM/ROM_005_Verse_019.mp3,"Nu vɔ̃ le xexea me hafi se la va, gake womebua nu vɔ̃ na ame aɖeke ne se meli o." data/train/ROM/ROM_011_Verse_028.mp3,"Mieɖo ŋku ale si Mawu ɖo nya sia ŋu dzia? Mawu gblɔ be, “Ao, menye wò ɖeka koe susɔ o. Ame akpe adre sɔŋ le asinye kpe ɖe ŋuwò, ame siwo galɔ̃am kokoko, eye womedea ta agu na legbawo o!”" data/train/ROM/ROM_010_Verse_006.mp3,"Elabena Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa sɔ le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si, eye wònaa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa," data/train/ROM/ROM_012_Verse_019.mp3,"nenema ke wole Kristo hã ƒe ŋutilã ŋui, eye ŋutinu siawo nye wo nɔewo tɔ, ame sia ame hiã nɔvia." data/train/ROM/ROM_014_Verse_000.mp3,"Ame aɖewo buna be ele be woawɔ kristotɔwo ƒe ŋkekenyuiwo kple ŋkeke tɔxɛwo ŋu dɔ atsɔ asubɔ Mawu, ke ame aɖewo gblɔ be menyo o, eye wònye abunɛnu be woaɖe fu na ame ɖokui nenema, elabena ŋkeke sia ŋkeke nye Mawu tɔ. Ele be ame sia ame natso nya siawo tɔgbi me na eɖokui." data/train/ROM/ROM_003_Verse_007.mp3,Ekema ne xɔse mele wo dometɔ aɖewo si o ɖe? Ɖe xɔse si mele wo si o la ate fli ɖe Mawu ƒe anukwaretɔnyenye mea? data/train/ROM/ROM_010_Verse_001.mp3,Azɔ aleke woayɔ ame si dzi womexɔ se o la mahã? Eye aleke woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye aleke woawɔ ase nya tso eŋu ne ame aɖeke megblɔe na wo o? data/train/ROM/ROM_003_Verse_022.mp3,Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele woƒe ŋkuwo me o. data/train/ROM/ROM_004_Verse_011.mp3,"Gake menye eya ɖeɖe ta woŋlɔ ɖi be “wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee” o," data/train/ROM/ROM_010_Verse_002.mp3,"elabena, “Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.”" data/train/ROM/ROM_016_Verse_026.mp3,"Timoteo, nye hadɔwɔla kple Lukio, Yason kple Sosipatro, ame siwo nye ƒonyemetɔwo la do gbe na mi." data/train/ROM/ROM_002_Verse_015.mp3,"Gbeɖe, ame si nye Yudatɔ vavã la nye Yudatɔ tso eƒe dzi me ke, eye aʋatsotso siae nye ame ƒe dzi ƒe aʋatsotso to Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me, ke menye to nya si woŋlɔ ɖi la me o. Ame sia ƒe kafukafu tso Mawu gbɔ, ke menye tso amewo gbɔ o." data/train/ROM/ROM_016_Verse_014.mp3,"Mido gbe na Apeles, ame si li ke le Kristo me la hã. Mido gbe na ame siwo le dɔ wɔm le Aristobulo ƒe aƒe me la hã nam." data/train/ROM/ROM_010_Verse_004.mp3,"Elabena ne ètsɔ wò nu ʋu eme be Yesue nye Aƒetɔ, eye nèxɔe se tso wò dzi me be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ ɖeɖe." data/train/ROM/ROM_012_Verse_002.mp3,"Le hlɔ̃biabia teƒe la, ne dɔ le wò futɔ wum la, na nuɖuɖui. Ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano. Ekema àna ŋu nakpee le nu si wòwɔ ɖe ŋuwò la ta." data/train/ROM/ROM_001_Verse_010.mp3,Eya ta medi vevie be magblɔ nyanyui la na mi ame siwo le Roma hã. data/train/ROM/ROM_006_Verse_005.mp3,"Elabena ame sia ame si ku la, woɖee tso nu vɔ̃ si me." data/train/ROM/ROM_016_Verse_017.mp3,Mido gbe na Priskila kple Akwila nam. Wonye nye hadɔwɔlawo le Kristo Yesu ƒe dɔ la me. data/train/ROM/ROM_013_Verse_007.mp3,"Midzɔ miaƒe dugawo hã le nu eve siawo ke ta, elabena ele be woaxe fe na dziɖuɖudɔwɔlawo, ale be woate ŋu anɔ Mawu ƒe dɔ la wɔm, anɔ kpekpem ɖe mia ŋu." data/train/ROM/ROM_004_Verse_017.mp3,"Ne ele eme vavã be wotso afia na Abraham to eƒe dɔwɔwɔwo me la, ekema nane li si ŋuti wòaƒo adegbe le, gake menye le Mawu ŋkume o." data/train/ROM/ROM_008_Verse_024.mp3,"Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le mia me la, ekema ame si fɔ Kristo ɖe tsitre la agbɔ agbe miaƒe ŋutilã siwo kuna la to eƒe Gbɔgbɔ si le agbe le mia me la dzi." data/train/ROM/ROM_003_Verse_009.mp3,"Elabena Mawu ɖeka koe li, ame si atso afia na aʋatsotsotɔwo kple aʋamatsomatsotɔwo to xɔse ɖeka ma me." data/train/ROM/ROM_013_Verse_010.mp3,"Mixe fe na ame sia ame abe ale si wòdzee ene. Mixe miaƒe dugawo kple adzɔwo dzidzɔtɔe. Miɖo to miaƒe tatɔwo, eye mitsɔ bubu na ame sia ame si dze bubu la." data/train/ROM/ROM_004_Verse_008.mp3,"Exɔ aʋatsotso si nye eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu ƒe dzesi si wòxɔ la esime wometso aʋa nɛ o. Esia ta Abraham nye ame siwo katã xɔ se, gake wometso aʋa na wo o la fofo, be woabui na wo dzɔdzɔenyenyee." data/train/ROM/ROM_010_Verse_012.mp3,"Ke le Israel ŋuti la, egblɔ bena, “Ŋkeke blibo la katã mekeke nye abɔwo na dukɔ si meɖoa to o la, ke wole ɖeklemiɖeɖe dzi, eye wogbea vava.”" data/train/ROM/ROM_002_Verse_008.mp3,"Azɔ ne mieyɔ mia ɖokuiwo be Yudatɔwo, ne mieɖoa ŋu ɖe se la ŋu, eye mieƒoa adegbe be kadodo nyui le miawo kple Mawu dome," data/train/ROM/ROM_007_Verse_011.mp3,"Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, be miazu ame bubu si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la tɔ, be míatse ku na Mawu." data/train/ROM/ROM_011_Verse_030.mp3,"Nenye Mawu ƒe amenuveve tae la, ekema menye woƒe dɔwɔwɔ tae o. Elabena ne ele nenema la, ekema nu si wona faa la, meganye nunana o." data/train/ROM/ROM_011_Verse_009.mp3,"David ƒo nu tso nu ma ke ŋu esi wògblɔ be, “Mina woƒe nuɖuɖu nyuiwo nazu mɔ aɖe wo alo woanye nuɖiaɖia kpakple teƒeɖoɖo na wo." data/train/ROM/ROM_003_Verse_005.mp3,"Azɔ la, míenya be nya sia nya si se la gblɔ la, egblɔe na ame siwo le se la te, be amewo nazi ɖoɖoe, eye Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã." data/train/ROM/ROM_009_Verse_030.mp3,"Wogblɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la ŋu tsã be, “Menye nye amewo mienye o.” Azɔ la, woayɔ wo be, “Mawu gbagbe la ƒe viwo.”" data/train/ROM/ROM_012_Verse_008.mp3,"Migawɔ dzre kple ame aɖeke o, ke boŋ minɔ anyi kple ame sia ame le ŋutifafa me abe ale si miate ŋui ene." data/train/ROM/ROM_014_Verse_006.mp3,"Eye ne nu si nàɖu anye nuɖiaɖia na nɔviwò la, mèle nu wɔm le lɔlɔ̃ me, ne èɖui o. Mègana wò nuɖuɖu nagblẽ nu le ame si ta Kristo ku ɖo la ŋu o." data/train/ROM/ROM_009_Verse_017.mp3,Ke Israeltɔ siwo dze agbagba vevie be yewoadze Mawu ŋu to seawo dzi wɔwɔ me la mete ŋu dze Mawu ŋu o. data/train/ROM/ROM_008_Verse_007.mp3,"Ekema ame kae abu fɔ mí? Ame aɖeke mabu fɔ mí o. Kristo Yesue nye ame si ku; ke nu si gawu lae nye be eyae wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime, eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta le dziƒo." data/train/ROM/ROM_015_Verse_020.mp3,"Mele be mabu akɔnta le ale si wòwɔ ame bubuwo ŋu dɔ la ŋu o, ke menya esia be: Kristo to dzinye, eye wòhe ame siwo menye Yudatɔwo o la va Mawu gbɔe." data/train/ROM/ROM_014_Verse_019.mp3,"Ne ŋkeke tɔxɛwo le mia si hena Aƒetɔ la subɔsubɔ la, miele agbagba dzem be yewoade bubu eŋu, eye wònye nu nyui aɖe miele wɔwɔm. Nenema kee nye ame si ɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo; eda akpe na Mawu ɖe eta. Eya hã wɔe nyuie. Ame si madi be yeaɖu lã ma tɔgbi o la hã di be yeadze Aƒetɔ la ŋu, eye wòle akpe dam." data/train/ROM/ROM_008_Verse_010.mp3,"Elabena Gbɔgbɔ si miexɔ la mewɔ mi mienye kluviwo, be miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si miexɔ la na vinyenye ƒe ŋusẽ mi, esime míedo ɣli be, “Abba, Fofo.”" data/train/ROM/ROM_006_Verse_006.mp3,"Elabena esime mienye kluviwo na nu vɔ̃ tsã la, mienɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kpɔkplɔ te o." data/train/ROM/ROM_015_Verse_025.mp3,Mía dome ame sia ame nadze ehavi ŋu hena ehavi ƒe nyonyo kple tutuɖedzi. data/train/ROM/ROM_005_Verse_004.mp3,"Elabena asesẽ hafi ame aɖe naku ɖe ame dzɔdzɔe ta, ke ame nyui la, ɖewohĩ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe eta." data/train/ROM/ROM_005_Verse_011.mp3,"Gake ale si vodada li la, menye nenema kee nye amenuveve ƒe nunana hã o; elabena ne ame geɖewo ku ɖe ame ɖeka ƒe vodada ta la, ekema Mawu ƒe amenuveve kple nunana si va to Yesu Kristo ƒe amenuveve me la sɔ gbɔ geɖe wu hegbã go ɖe ame geɖewo dzi." data/train/ROM/ROM_008_Verse_027.mp3,"Gake menye eya ɖeɖe koe o, ke boŋ mí ame siwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, míawo hã míele ŋeŋem le mía ɖokuiwo me hele vinyenye si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la lalam." data/train/ROM/ROM_003_Verse_016.mp3,eye wotso afia na wo faa to eƒe amenuveve si va to ɖeɖedɔ si Kristo Yesu va wɔ la me. data/train/ROM/ROM_013_Verse_008.mp3,"Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o, negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si la." data/train/ROM/ROM_003_Verse_010.mp3,"Elabena míexɔe se be ame akpɔ afiatsotso to xɔse me, ke menye to se la dzi wɔwɔ me o." data/train/ROM/ROM_004_Verse_025.mp3,Ɖe yayra sia nye aʋatsotsotɔwo ɖeɖe ko tɔ alo enye ame siwo menye aʋamatsomatsotɔwo hã tɔa? Míegblɔna be Mawu bu Abraham ƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee. data/train/ROM/ROM_010_Verse_010.mp3,"Gake menye Israeltɔwo katãe xɔ nyanyui la dzi se o, elabena Yesaya gblɔ be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ míaƒe nyawo dzi se mahã?”" data/train/ROM/ROM_002_Verse_019.mp3,"Konyifafa kple fukpekpe ava nu vɔ̃ wɔlawo dzi: gbã la, ava Yudatɔwo dzi, emegbe la, ava ame siwo menye Yudatɔwo o la hã dzi." data/train/ROM/ROM_002_Verse_003.mp3,"Ame si wometso aʋa na le ŋutilã me o, gake wòwɔna ɖe se la dzi la, abu fɔ wò, ame si, togbɔ be woŋlɔ se la na wò, eye wotso aʋa na wò hã la, nènye sedzidala." data/train/ROM/ROM_011_Verse_001.mp3,"ale be ne mate ŋui la, mana nye ŋutɔ nye amewo adi nu si le mi ame siwo menye Yudatɔwo o la si, eye mato esia me aɖe wo dometɔ aɖewo." data/train/ROM/ROM_005_Verse_001.mp3,"Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me la, woaɖe mí tso Mawu ƒe dɔmedzoe me to eya amea me!" data/train/ROM/ROM_014_Verse_001.mp3,"Ànya be nu gbegblẽ aɖeke mele nu si yewɔ la ŋu le Mawu gɔ̃ hã gbɔ o, ke wɔe na ɖokuiwò ko. Mègaɖe wò nu si nèxɔ se be enyo la fia le ame bubu siwo nu wòaɖia la ŋkume o. Le go sia me la, woayra ame si mewɔ nu vɔ̃ to nu si wònya be enyo la wɔwɔ me o." data/train/ROM/ROM_001_Verse_011.mp3,Eye miawo hã miele ame siwo woyɔ be woanye Yesu Kristo tɔwo la dome. data/train/ROM/ROM_012_Verse_014.mp3,"Miwɔ dɔ kple mia nɔewo dzidzɔtɔe. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo o. Migadze agbagba be yewoadze amegãwo ŋu o, ke boŋ mide ha kple ame gblɔewo. Migabu be yewonya nu sia nu o." data/train/ROM/ROM_003_Verse_004.mp3,Ame sia ame tra mɔ; wo katã wogblẽ; ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o; ame ɖeka pɛ hã meli o. data/train/ROM/ROM_011_Verse_006.mp3,"Azɔ la, Yudatɔwoe nye aglãdzelawo. Gake gbe ɖeka la, woawo hã akpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve si wòkɔ ɖe mia dzi la me." data/train/ROM/ROM_016_Verse_002.mp3,Esusɔ vie ŋutifafa ƒe Mawu la nagbã Satana ɖe miaƒe afɔ te gudugudu. Míaƒe Aƒetɔ Yesu ƒe yayra nava mia dzi. data/train/ROM/ROM_008_Verse_016.mp3,"Elabena nuwɔwɔ la le gbegblẽ me, nu si menye eƒe didi o, ke boŋ ame si he gbegblẽ sia vɛ la ƒe lɔlɔ̃nu wònye kple mɔkpɔkpɔ," data/train/ROM/ROM_005_Verse_014.mp3,"Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me be: Esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta." data/train/ROM/ROM_003_Verse_003.mp3,Ame aɖeke mese egɔme o; ame aɖeke medi Mawu o. data/train/ROM/ROM_009_Verse_002.mp3,"Ame aɖe abiam be, “Ekema nu ka ta Mawu bua fɔ mí ɖo? Elabena ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋu mahã?”" data/train/ROM/ROM_008_Verse_035.mp3,"Nenema ke Gbɔgbɔ la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Elabena míenyaa nu si ta míado gbe ɖa ɖo gɔ̃ hã o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa nya ɖe akɔ ɖe mía nu le ŋeŋe manyagblɔ aɖe me." data/train/ROM/ROM_001_Verse_016.mp3,"Mawu nya ale si medoa gbe ɖa enuenu ɖe mia tae. Metsɔa miawo kple miaƒe hiahiãwo yia gbedodoɖa me zã kple keli na ame si mesubɔna kple nye ŋusẽ katã, eye megblɔa Nyanyui la tsoa Via ŋu na ame bubuwo." data/train/ROM/ROM_015_Verse_019.mp3,"Meka ɖe edzi be ne meva la, Kristo ana yayra geɖem matsɔ vɛ na mi." data/train/ROM/ROM_014_Verse_005.mp3,"Eya ta mina ŋutifafa nanɔ hamea me, eye miadze agbagba ado ŋusẽ mia nɔewo." data/train/ROM/ROM_009_Verse_000.mp3,"abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Melɔ̃ Yakob, ke Esau la, melé fui.”" data/train/ROM/ROM_014_Verse_002.mp3,"Elabena mawufiaɖuƒe la menye nu si míeɖu alo nu si míeno o, ke boŋ be míana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana amenuveve, ŋutifafa kple dzidzɔ mí." data/train/ROM/ROM_003_Verse_023.mp3,"Mele alea o! Ne ele nenema la, aleke Mawu adrɔ̃ ʋɔnu xexea mee?" data/train/ROM/ROM_007_Verse_014.mp3,"gake mekpɔ be se bubu le dɔ wɔm le menye, esi le aʋa wɔm kple se si le nye susu me, eye wòna mezu kluvi na nu vɔ̃ ƒe se si le menye la." data/train/ROM/ROM_008_Verse_039.mp3,"Susu si ŋutilã la kplɔna la nye adika na Mawu, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe seawo te o, eye mate ŋui hã o." data/train/ROM/ROM_002_Verse_013.mp3,Eya ta woahe to na ame siwo katã si se mele o la abe semanɔsitɔwo ene ne wowɔ nu vɔ̃ eye woadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo le se la te abe setenɔlawo ene. data/train/ROM/ROM_005_Verse_012.mp3,"Gake ku ɖu fia tso Adam ƒe ɣeyiɣiwo dzi va se ɖe Mose ƒe ɣeyiɣiwo dzi, ɖe ame siwo mewɔ nu vɔ̃ si sɔ kple Adam ƒe sedzimawɔmawɔ o la dzi, ame si nye ame si gbɔna la ƒe kpɔɖeŋu." data/train/ROM/ROM_014_Verse_020.mp3,Nu nyuitɔ si nàwɔ lae nye be nàɖe asi le lãɖuɖu alo ahanono alo nu sia nu si wɔwɔ aɖia nɔviwò nu alo ana wòawɔ nu vɔ̃ la ŋu. data/train/ROM/ROM_013_Verse_000.mp3,"Elabena kpovitɔ medoa ŋɔdzi na ame siwo le nu nyui wɔm la o, ke ame siwo le nu vɔ̃ wɔm la, woavɔ̃ kpovitɔ ɣe sia ɣi. Eya ta ne mèdi be yeanɔ vɔvɔ̃m o la, wɔ seawo dzi kpoo, ekema eme anyo na wò." data/train/ROM/ROM_008_Verse_025.mp3,"eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, womate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la gbɔ o." data/train/ROM/ROM_016_Verse_003.mp3,"Gayo be mado gbe na mi. Eya ƒe amedzroe menye, eye hamea kpea ta le afii le eƒe aƒe me. Erasto, ame si nye dugadzikpɔla kple Kuarto, nɔvi kristotɔ aɖe hã do gbe na mi." data/train/ROM/ROM_003_Verse_019.mp3,"Gbeɖe! Mawu nye anukwaretɔ, eye ame sia ame nye aʋatsokala, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Be woatso afia na wò le wò nyawo me, eye nàɖu dzi ne èdrɔ̃ ʋɔnu.”" data/train/ROM/ROM_010_Verse_007.mp3,"Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na mí be, “Ŋu makpe ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la akpɔ o.”" data/train/ROM/ROM_015_Verse_015.mp3,"Ke mewu nye dɔ la nu le afi sia mlɔeba azɔ, eye mele klalo be mava le ƒe geɖe siwo mia gbɔ vava dzrom la megbe." data/train/ROM/ROM_014_Verse_003.mp3,"Elabena woŋlɔe ɖi be, “Yehowa be, ‘Zi ale si mele agbe la, ame sia ame adze klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu nya me na Mawu.’ ”" data/train/ROM/ROM_009_Verse_024.mp3,"mí ame siwo hã wòyɔ, menye tso Yudatɔwo dome ɖeɖe ko o, ke boŋ tso ame siwo menye Yudatɔwo o la hã dome?" data/train/ROM/ROM_015_Verse_018.mp3,"Mawu si naa dzigbɔɖi kple tenɔnɔ kpakple dzideƒo ame la nakpe ɖe mia ŋu be mianɔ anyi kple mia nɔewo le nɔvilɔlɔ̃ blibo me, eye ame sia ame natsɔ Kristo Yesu ƒe nɔnɔme anɔ agbe ɖe nɔvia ŋu." data/train/ROM/ROM_006_Verse_019.mp3,"Migatsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke wɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye ƒe dɔwɔnu na nu vɔ̃ o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ku me ene; eye mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ɖo anyi nɛ abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔnu ene." data/train/ROM/ROM_010_Verse_011.mp3,"Ke dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la gblɔ be, “Mègagblɔ le wò dzi me be, ‘Ame kae ayi dziƒo mahã?’ ” (Esia fia be woatsɔ Kristo ava anyigba dzi)" data/train/ROM/ROM_009_Verse_021.mp3,"Mawu gbe nya na wo tso nu sia ŋu le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me esi wògblɔ be, “Metsɔ Agakpe aɖe da ɖe mɔ me na Zion. Ame geɖewo akli Agakpe sia, si nye Yesu, eye woadze anyi. Ame siwo axɔ edzi ase la, ŋu makpe wo gbeɖe o.”" data/train/ROM/ROM_006_Verse_000.mp3,"Alo ɖe mienyae be mí ame siwo katã wode mawutsi ta na le Kristo Yesu me la, wodee na mí ɖe eƒe ku me oa?" data/train/ROM/ROM_009_Verse_031.mp3,"Wonye fofoawo ƒe dzidzimeviwo, dzidzime siwo me Kristo dzɔ tso le ŋutilã nu, ame si nye Mawu ɖe nuwo katã dzi, ame si wokafuna tegbee la! Amen." data/train/ROM/ROM_014_Verse_008.mp3,"Le nye ŋutɔ gome la, meka ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ dzi be naneke megblẽ le lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu ŋu o. Ke ne ame aɖe ya xɔe se be menyo o la, ekema mele be wòaɖui o, elabena menyo le eya gbɔ o." data/train/ROM/ROM_011_Verse_031.mp3,"Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm be, “Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo, womia woƒe ŋkuwo, eye woƒe towo me xe, Aleae wòle va se ɖe egbe.”" data/train/ROM/ROM_005_Verse_018.mp3,"Kpɔ ɖa, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, esi míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ko la, Kristo va ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta." data/train/ROM/ROM_014_Verse_022.mp3,"Nyateƒe, ame sia ame ana akɔnta tso eɖokui ŋu na Mawu." data/train/ROM/ROM_013_Verse_005.mp3,Lɔlɔ̃ nana womedaa vo ɖe amehavi ŋu o. Eya ta lɔlɔ̃ na ame havie nye sedziwɔwɔ. data/train/ROM/ROM_014_Verse_011.mp3,Mèkpɔ mɔ nàɖe vodada na nɔviwò alo nàdo vloe o. Ɖo ŋku edzi be mía dometɔ ɖe sia ɖe atsi tsitre ɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. data/train/ROM/ROM_009_Verse_013.mp3,"Eya ta esia metso amegbetɔ ƒe didi alo dɔwɔwɔ gbɔ o, ke boŋ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gbɔ wòtso." data/train/ROM/ROM_011_Verse_017.mp3,"Eliya gblɔ be, “Aƒetɔ, wowu wò nyagblɔɖilawo, eye wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi; nye ɖeka hɔ̃ koe susɔ, eye wodi be yewoawu nye hã.”" data/train/ROM/ROM_007_Verse_007.mp3,"Elabena nyemewɔa nu nyui si medina be mawɔ la o; ke nu vɔ̃ si nyemedina be mawɔ o la, eya boŋ mewɔna." data/train/ROM/ROM_006_Verse_015.mp3,Gbeɖe! Aleke mí ame siwo ku na nu vɔ̃ la aganɔ agbe le nu vɔ̃ me mahã? data/train/ROM/ROM_005_Verse_002.mp3,"be ale si nu vɔ̃ ɖu fia le ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fia to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ dzi." data/train/ROM/ROM_001_Verse_032.mp3,"Woɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔ ƒe mawumavɔmavɔ̃ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye katã ŋu, ame siwo tea nyateƒe la ɖe to, to woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi me." data/train/ROM/ROM_001_Verse_007.mp3,Elabena woɖe nu si wòle be woanya tso Mawu ŋu la me na wo keŋ. data/train/ROM/ROM_011_Verse_027.mp3,"Mide dzesi ale si Mawu nyoa dɔ me, eye wògahea to na ame hãe. Eƒe asi sẽna ɖe ame siwo gbea toɖoɖoe la dzi, ke enyoa dɔ me ne míeyi elɔlɔ̃ kple edzixɔxɔ se dzi. Ke ne míelɔ̃e o, eye míexɔ edzi se hã o la, alã míawo hã ɖa." data/train/ROM/ROM_015_Verse_002.mp3,"Egagblɔ le teƒe bubu hã be, “Mikafu Aƒetɔ la, mi ame siwo menye Yudatɔwo o la katã, mina ame sia ame nakafui.”" data/train/ROM/ROM_009_Verse_011.mp3,"Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Farao be, “Esia ta mefɔ wò ɖe tsitre, be maɖe nye ŋusẽ ɖe go afia le mewò, be woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigbawo katã dzi.”" data/train/ROM/ROM_001_Verse_025.mp3,"To Via, Yesu Kristo, ƒe tsitretsitsi me la, Mawu fia be eyae nye Mawu ƒe Vi ŋusẽtɔ la, eye Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔe la le eme." data/train/ROM/ROM_002_Verse_012.mp3,"Esia ta taflatsedodo aɖeke mele wò, ame si drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la si o. Nu si nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ɖokuiwò, elabena wò ame si le ʋɔnu drɔ̃m ame bubu la, wò ŋutɔ èwɔa nu siawo ke." data/train/ROM/ROM_002_Verse_028.mp3,"Wò, ame si gblɔna be womegawɔ ahasi o ɖe, ɖe nèwɔa ahasia? Wò, ame si tsi tsitre ɖe legbasubɔsubɔ ŋu ɖe, ɖe nèfia gbedoxɔmenuwoa?" data/train/ROM/ROM_007_Verse_004.mp3,"Elabena le ememe ke la, mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la me;" data/train/ROM/ROM_014_Verse_013.mp3,"Menye aƒetɔwo míenye na mía ɖokuiwo, be míanɔ agbe alo aku abe ale si míawo ŋutɔ míatia ene o." data/train/ROM/ROM_016_Verse_024.mp3,"Nye, Tertio, ame si le agbalẽ sia ŋlɔm la, nye hã medo gbe na mi abe mia nɔvi kristotɔ ɖeka ene." data/train/ROM/ROM_016_Verse_013.mp3,"Mido gbe na Ampliato, ame si nye nye lɔlɔ̃tɔ le Aƒetɔ la me." data/train/ROM/ROM_009_Verse_007.mp3,"Elabena anyo nam wu be woabu fɔm, eye woaɖem ɖa tso Kristo gbɔ ne esia ana be nye amewo, Israeltɔwo, nakpɔ ɖeɖe." data/train/ROM/ROM_004_Verse_020.mp3,Nu sia ta “wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee” ɖo. data/train/ROM/ROM_008_Verse_037.mp3,"Nu kae ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ loo, dzɔgbevɔ̃e loo, alo yia?" data/train/ROM/ROM_009_Verse_022.mp3,Menye esia ɖeɖe ko o; Rebeka hã fɔ viawo ƒe fu na mía tɔgbui Isak le ɣe ma ɣi tututu. data/train/ROM/ROM_010_Verse_000.mp3,“alo ‘Ame kae ayi tsiẽƒe mahã?’ ” (Esia fia be woana Kristo nagatsi tsitre tso ame kukuwo dome). data/train/ROM/ROM_007_Verse_012.mp3,"Eya ta se la le kɔkɔe, eye sedede la le kɔkɔe; ele dzɔdzɔe eye wònyo." data/train/ROM/ROM_013_Verse_014.mp3,"Zã la va yi vɔ, ŋu le kekem azɔ! Eya ta mina míaɖe asi le vivitimenuwɔwɔwo ŋu, eye míado kekeli ƒe akpoxɔnuwo." data/train/ROM/ROM_012_Verse_016.mp3,"Ne ame kɔkɔewo ge ɖe hiã me la, miɖe wo tso eme. Mikpe amewo va miaƒe aƒewo me enuenu ne woaɖu nu kpli mi; ne dzeƒe hiã wo la, mina wo." data/train/ROM/ROM_003_Verse_028.mp3,Woƒe ve me le abe yɔdo nuvowo ene; woƒe aɖewo srɔ̃ alakpadada. Aʋatsokaka yɔ aɖe dzi na wo. Ƒli ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu. data/train/ROM/ROM_016_Verse_000.mp3,"Andronika kple Yunia hã li; woawoe nye ƒonyemetɔ siwo nɔ gaxɔ me kplim la. Apostoloawo bua wo, eye wozu kristotɔ hafi meva zui. Mido gbe na wo nam." data/train/ROM/ROM_009_Verse_019.mp3,"Ke wò, amegbetɔ, ame ka nènye be nàhe nya kple Mawu? Ɖe ame aɖe ƒe nuwɔwɔ abia nuwɔla la be, “Nu ka ta nèwɔm alea ɖo mahã?”" data/train/ROM/ROM_003_Verse_012.mp3,"Esia ta adegbeƒoƒo aɖe lia? Adegbeƒoƒo aɖeke meli o. Nu ka ta míaƒo adegbe ɖo? To se la dzi wɔwɔ mea? Gbeɖe, ke boŋ to xɔse me." data/train/ROM/ROM_008_Verse_014.mp3,"Elabena ne miegale agbe le ŋutilã nu la, miaku; gake ne mietsɔ Gbɔgbɔ la ɖu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo dzi la, mianɔ agbe." data/train/ROM/ROM_008_Verse_002.mp3,"Ame si meve eya ŋutɔ Via nu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa?" data/train/ROM/ROM_013_Verse_002.mp3,"Eya ta miwɔ seawo dzi le nu eve siawo ta: gbã, be miagaxɔ tohehe o; evelia, elabena mienya xoxo tso miaƒe dzi me be ele be yewoawɔ seawo dzi." data/train/ROM/ROM_012_Verse_004.mp3,"Mawu na amenuveve ƒe nunana mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ nu tɔxɛ aɖe nyuie. Eya ta ne Mawu na nunana wò be nàgblɔ nya ɖi la, ekema ele na wò be nàgblɔ nya ɖi ɣe sia ɣi si nàte ŋui kple zi geɖe ale si wò xɔse asẽ ŋu, ale be nàte ŋu axɔ nya tso Mawu gbɔ." data/train/ROM/ROM_007_Verse_009.mp3,"Eya ta mekpɔ se sia be ele dɔ wɔm; togbɔ be medina be mawɔ nu nyui hã la, nu vɔ̃ gaxea mɔ nam." data/train/ROM/ROM_010_Verse_009.mp3,"Eye aleke ame aɖe aɖe gbeƒã tso Kristo ŋu ne womedɔe o? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ame siwo ɖea gbeƒã nyanyui la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!”" data/train/ROM/ROM_001_Verse_019.mp3,"Mi ame siwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo, kple ame kɔkɔe siwo woyɔ la, Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã." data/train/ROM/ROM_002_Verse_002.mp3,"Ame si nye Yudatɔ le gotagome la, menye Yudatɔ vavã o, elabena aʋatsotso menye gotagomenu kple ŋutilãmenu ɖeɖe ko o." data/train/ROM/ROM_006_Verse_004.mp3,Ekema viɖe ka miekpɔ ɣe ma ɣi tso nu siwo le ŋu kpem na mi azɔ la me? Nu mawo katã kplɔa mí yia ku me! data/train/ROM/ROM_006_Verse_017.mp3,"Ke mida akpe na Mawu be togbɔ be mienye kluviwo na nu vɔ̃ tsã hã la, azɔ la, mietsɔa miaƒe dzi xɔa nufiafia si wotsɔ mi de asi na la." data/train/ROM/ROM_006_Verse_020.mp3,"Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokuiwo be yewoku na nu vɔ̃, gake yewole agbe na Mawu le Kristo Yesu me." data/train/ROM/ROM_013_Verse_004.mp3,"Ke nya si woŋlɔ ɖi bena: “Mègawɔ ahasi o,” “Mègawu ame o,” “Mègafi fi o,” “Mègabiã ŋu o,” eye ne se bubu aɖe gali si ƒo esiawo ta la, ekema eyae nye: “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.”" data/train/ROM/ROM_007_Verse_000.mp3,"Azɔ ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, ekema meganye nyee le ewɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae le ewɔm." data/train/ROM/ROM_016_Verse_005.mp3,"Ke azɔ la, abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe do ŋgɔ, eye abe ale si Mawu mavɔtɔ la de se ene la, wole gbeƒã ɖem na dukɔwo katã be woaxɔe ase, eye woaɖo to eya amea." data/train/ROM/ROM_005_Verse_013.mp3,"ke dzidodo dzia kelili, eye kelili dzia mɔkpɔkpɔ." data/train/ROM/ROM_015_Verse_017.mp3,"Le teƒe bubu aɖe la, egagblɔ be, “O, ame siwo menye Yudatɔwo o la, mikpɔ dzidzɔ kple Mawu ƒe amewo, ame siwo nye Yudatɔwo la.”" data/train/ROM/ROM_003_Verse_015.mp3,eye womenya ŋutifafa ƒe mɔ o.” data/train/ROM/ROM_008_Verse_015.mp3,"Elabena nu si se la mete ŋu wɔ o esi wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe to Via si wòɖo ɖa le nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nɔnɔme me la dzi, eye wòtsɔ eɖokui sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wòbu fɔ nu vɔ̃ le ŋutilã me," data/train/ROM/ROM_014_Verse_014.mp3,"Migahe nya kple ame aɖeke be enyo be wòaɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo loo alo menyo o. Mixɔe se be nu vɔ̃ aɖeke mele nu sia me o, ke ame siwo ƒe xɔse gbɔdzɔ wu mia tɔ la buna be menyo o, eye woagbe lãɖuɖu kura aɖu amagbewo ko ɖe lã ma tɔgbi ɖuɖu teƒe." data/train/ROM/ROM_015_Verse_022.mp3,"Menɔ zɔzɔm ɖe ɖoɖo si ŋu woƒo nu le le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me la nu. Afi sia Yesaya gblɔ le be, “Ame siwo mese Kristo ŋkɔ kpɔ haɖe o la, woakpɔ nu, eye woase egɔme.”" data/train/ROM/ROM_011_Verse_021.mp3,"Ke ne Yudatɔwo aɖe asi le woƒe dzimaxɔse ŋu, eye woatrɔ ava Mawu gbɔ la, Mawu agate ŋu axɔ wo, ado ɖe ati la dzi." data/train/ROM/ROM_011_Verse_026.mp3,"Miagblɔ be, “Wolã alɔ siawo ɖa be woakpɔ teƒe nam. Esia fia be menye ame dzadzɛ.”" data/train/JOS/JOS_009_Verse_002.mp3,"Amedzroawo na nuɖuɖu Israelviwo, eye woxɔe abe ɖekawɔwɔ ƒe dzesi ene le esime womebia Yehowa gbã tso eŋu o." data/train/JOS/JOS_019_Verse_015.mp3,"Du wuiadre kple wo ŋu kɔƒe siwo nɔ anyigba si wona Simeon ƒe viwo me la woe nye: Beerseba, Seba, Molada," data/train/JOS/JOS_018_Verse_013.mp3,"heyi to si le Ben Hinom ƒe Balime le Refaim ƒe balime ƒe anyiehe gome. Etso afi ma, heto Hinom ƒe balime hetrɔ yi dziehe gome, afi si Yebusitɔwo nɔ, eye wòyi ɖatɔ En Rogel." data/train/JOS/JOS_016_Verse_004.mp3,"hetrɔ yi anyigbeme, yi Atarɔt kple Naara, ɖatɔ Yeriko, eye wòwu nu ɖe Yɔdan tɔsisi la nu." data/train/JOS/JOS_013_Verse_002.mp3,"Anyigba la gatso Hesbon yi Ramat Mizpa kple Betonim, eye wògatso Mahanaim yi Lo Debir." data/train/JOS/JOS_010_Verse_015.mp3,"eɖe gbe be woamli kpe gã aɖe axe agado la nu, eye woana dzɔlawo nanɔ afi ma akpɔ egbɔ be fiawo tsi agado la me." data/train/JOS/JOS_023_Verse_004.mp3,"Ke midze Yehowa, miaƒe Mawu la yome abe ale si miele wɔwɔm va se ɖe fifia ene." data/train/JOS/JOS_001_Verse_014.mp3,"Nu si wòle be nàwɔ koe nye nàsẽ ŋu, nàlé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ se siwo katã nye dɔla, Mose de na mi la dzi. Migatrɔ le eyome ɖe ɖusime alo miame o, be wòadze edzi na mi le afi sia afi si miayi." data/train/JOS/JOS_007_Verse_009.mp3,"Israelviwo wɔ nu vɔ̃, wogbe nubabla si mewɔ kpli wo la dzi wɔwɔ. Wotsɔ nu siwo meɖe gbe be woatsrɔ̃ la dometɔ aɖewo, wofi wo, da alakpa, eye wotsɔ wo ɣla ɖe woƒe nuwo dome." data/train/JOS/JOS_020_Verse_007.mp3,"Yehowa gaɖoe be woagatia du bubu etɔ̃ woazu sitsoƒeduwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, le Yeriko ƒe akpa kemɛ. Sitsoƒedu siawoe nye Bezer le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi, Ramot le Gilead, le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi kple Golan le Basan, le Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi." data/train/JOS/JOS_015_Verse_035.mp3,Kiriat Baal (si wogayɔna hã be Kiriat Yearim) kple Raba. Du siawo le eve kple woƒe kɔƒeduwo. data/train/JOS/JOS_002_Verse_000.mp3,"Ale dɔlawo di wo yi keke Yɔdan tɔsisi la to. Esi dɔlawo dze mɔ ko la, wotu dua ƒe agbowo." data/train/JOS/JOS_010_Verse_023.mp3,"Tete Yehowa na futɔwo vɔ̃ eye wotɔtɔ, ale Israelviwo wu ame geɖewo le Gibeon, eye wonya ame mamlɛawo, nɔ wo wum le mɔa dzi yi keke Bet Horon kple Azeka kple Makeda." data/train/JOS/JOS_016_Verse_000.mp3,"Esiae nye anyigba si Yosef ƒe viwo, Manase kple Efraim woxɔ." data/train/JOS/JOS_010_Verse_028.mp3,"Wowu wo tso Kades Barnea yi Gaza, tso Gosen yi Gibeon." data/train/JOS/JOS_008_Verse_034.mp3,Yosua ŋlɔ Mose ƒe Se Ewoawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe kpeawo dzi le Israelviwo ŋkume. data/train/JOS/JOS_001_Verse_004.mp3,"eya ta mia srɔ̃wo kple mia viwo kple miaƒe lãwo atsi afi sia. Ke ele na miaƒe aʋawɔlawo be woabla akpa, akplɔ ame bubuawo atso tɔsisi lae, akpe ɖe wo ŋu be, woaxɔ anyigba si le tɔsisi la godo." data/train/JOS/JOS_013_Verse_003.mp3,“Anyigba siwo kpɔtɔ la woe nye: “Filisti kple Gesur dukɔwo ƒe anyigba data/train/JOS/JOS_005_Verse_002.mp3,"Esi Amoritɔwo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple Kanaantɔwo, ame siwo nɔ Domeƒu la nu se be Yehowa na Yɔdan tɔsisi la mie, ale be Israelviwo te ŋu zɔ ƒuƒuiƒe le tɔʋu la me hetso tɔsisia la, dzi ɖe le wo ƒo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔŋutɔ." data/train/JOS/JOS_014_Verse_009.mp3,"ke nɔvinye ŋkutsala bubuawo ya do vɔvɔ̃ na ameawo, eye woɖe dzi le wo ƒo dzodzro le Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi ŋu. Zi ale si menɔ Yehowa, nye Mawu, yome ta la," data/train/JOS/JOS_009_Verse_019.mp3,"Waingolo siawo nye nu yeyewo, ke fifia la, wodo xoxo hevuvu. Míaƒe awuwo kple afɔkpawo vuvu le mɔzɔzɔ la ƒe didi kple sesẽ ta.”" data/train/JOS/JOS_023_Verse_001.mp3,"“Esusɔ vie ko maku. Mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyuie le eƒe dzi me be Yehowa miaƒe Mawu na nu nyui siwo katã ŋugbe wòdo la mi, ɖeke meda le edzi o." data/train/JOS/JOS_008_Verse_031.mp3,"Yosua kple Israelviwo katã kpɔ be yewoƒe amewo xɔ dua, eye wotɔ dzoe, eya ta wotrɔ hede asi Aitɔwo wuwu me." data/train/JOS/JOS_022_Verse_030.mp3,"Ɖe mieɖo ŋku edzi be esime Akan, Zera ƒe vi, wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, wohe to na dukɔ blibo la, kpe ɖe ame ɖeka ma si wɔ nu vɔ̃ ŋu o mahã?”" data/train/JOS/JOS_007_Verse_011.mp3,Mekpɔ awu nyui aɖe si woƒle tso Babilonia kple klosaloga home aɖe kpe ɖe sikakɔ aɖe ŋuti. Meɣla wo ɖe to me le nye agbadɔ me; klosalo la le nuawo te.” data/train/JOS/JOS_002_Verse_007.mp3,"Ke azɔ la, mika atam nam kple Yehowa, miaƒe Mawu la be miave nye ƒometɔwo nu, elabena nye hã menyo dɔ me na mi. Azɔ mina dzesim abe kakaɖedzi ene," data/train/JOS/JOS_023_Verse_000.mp3,"ekema minyae nyuie be, Yehowa maganya dukɔ mawo ɖa le miaƒe anyigba dzi o, ke boŋ azu mɔ si wotre na mi, ana miase veve le miaƒe axadame, wòazu ŋu anɔ ŋku tɔm na mi, eye miatsrɔ̃ le anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la dzi." data/train/JOS/JOS_012_Verse_006.mp3,"Fia siwo dzi Israelviwo ɖu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, ame siwo ƒe duwo wogbã tso keke Arnon tɔsisi la ƒe balime va yi Hermon to la gbɔ kple du siwo le gbegbe siwo le ɣedzeƒe la woe nye esiawo:" data/train/JOS/JOS_008_Verse_020.mp3,"Israelvi siwo nɔ Ai dua me la do go tso dua me, eye wode asi Aitɔwo wuwu me tso megbe. Ale Aitɔwo tsi Israelviwo dome, eye wowu wo katã, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe alo si o," data/train/JOS/JOS_015_Verse_019.mp3,"Gaza kple eƒe kɔƒewo, heyi keke Egipte ƒe tɔʋu la kple Domeƒu la ƒe ƒuta, tso Egipte tɔʋu la nu le anyigbeme yi Tiro le dzigbeme ŋu." data/train/JOS/JOS_013_Verse_012.mp3,"Gilead kple anyigba si nye Gesuritɔwo kple Makatitɔwo tɔ kple Hermon to la, Basan to la kple Saleka du la" data/train/JOS/JOS_024_Verse_010.mp3,"Isak ƒe vi siwo menae la woe nye, Yakob kple Esau. Metsɔ anyigba si ƒo xlã Seir to la na Esau, ke Yakob kple viawo yi Egipte." data/train/JOS/JOS_014_Verse_006.mp3,"gake ŋusẽ le ŋunye fifia abe ale si menɔ esime Mose ɖo mí ɖe ŋkutsaƒe ene. Magate ŋu azɔ mɔ, awɔ aʋa fifia abe ɣe ma ɣi ene," data/train/JOS/JOS_004_Verse_016.mp3,"“Tia ame wuieve tso Israel dukɔ la me, ame ɖeka tso to ɖe sia ɖe me," data/train/JOS/JOS_007_Verse_001.mp3,"Ale esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua kplɔ Israelviwo ƒe towo va Yehowa ŋkume, eye wòtɔ asi Yuda ƒe to la dzi." data/train/JOS/JOS_001_Verse_006.mp3,"Le esia megbe hafi miate ŋu ava nɔ afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.’ ”" data/train/JOS/JOS_014_Verse_003.mp3,"elabena Yosef ƒe viwo va zu to eve, siwo nye Manase kple Efraim. Womema anyigba na Levitɔwo o, ke boŋ du siwo me woanɔ kple lãnyiƒewo ko wona wo." data/train/JOS/JOS_007_Verse_000.mp3,"Akan ɖo eŋu be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu." data/train/JOS/JOS_008_Verse_018.mp3,"Exlẽ se siwo katã Mose de na wo kpɔ la hã na ameha blibo la, si me nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo nɔ Israelviwo dome la hã nɔ." data/train/JOS/JOS_015_Verse_050.mp3,"Woƒe du siwo nɔ Edom le Negeb ƒe liƒowo dzi woe nye: Kabzeel, Eder, Yagur," data/train/JOS/JOS_008_Verse_006.mp3,"Ale wodze mɔ zã ma me yi ɖade xa ɖe Betel kple Ai ƒe ɣetoɖoƒe gome, le esime Yosua kple aʋawɔla bubuawo tsi asaɖa la me le Yeriko." data/train/JOS/JOS_002_Verse_006.mp3,"ke ame aɖewo yi ɖagblɔ na Yeriko fia be, Israelvi eve, ame siwo ɖi ŋkutsalawo la va ɖo dua me fiẽ ma." data/train/JOS/JOS_011_Verse_001.mp3,"Ale Yosua xɔ anyigba blibo la abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etsɔe na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene, eye wòmae ɖe toawo dome. Ale aʋawɔwɔ nu tso le anyigba la dzi." data/train/JOS/JOS_013_Verse_023.mp3,"si tso Sixor tɔsisi la gbɔ le Egipte ƒe liƒo dzi heyi anyiehe ke, elabena wobu anyigba si va tɔ Ekron ƒe liƒo la abe Kanaantɔwo ƒe anyigba ene. Filistitɔwo ƒe fiawo nɔ Gaza, Asdod, Askelon, Gat kple Ekron; hekpe ɖe Avitɔwo ŋu" data/train/JOS/JOS_015_Verse_040.mp3,"Liƒo la to Ben Hinom ƒe Balime azɔ, to Yebus, afi si wotso Yerusalem ɖo ƒe dziehe lɔƒo, to ɣetoɖoƒe yi toawo dzi le Ben Hinom ƒe Balime tame heyi ɖase ɖe Refaim ƒe balime ƒe seƒe le dzigbeme." data/train/JOS/JOS_003_Verse_011.mp3,"Nunɔla siwo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi le Yɔdan tɔsisi la titina, ale Israelviwo katã tso eme va se ɖe esime dukɔ blibo la tso tɔsisi la le anyigba ƒuƒu dzi." data/train/JOS/JOS_023_Verse_002.mp3,eya ta mikpɔ egbɔ be yewoyi Yehowa miaƒe Mawu lɔlɔ̃ dzi. data/train/JOS/JOS_004_Verse_017.mp3,wòaɖe gbe na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woado go le Yɔdan tɔsisi la me. data/train/JOS/JOS_013_Verse_024.mp3,"“Sidontɔwo, ame siwo le tonyigba la dzi le Lebanon towo kple Misrefat Maim dome la ƒe anyigba hã le eme. Mele klalo be manya dukɔ siawo katã ɖa le Israel dukɔ la ŋgɔ, eya ta bu anyigba siawo katã abe mia tɔwo ene," data/train/JOS/JOS_012_Verse_001.mp3,"Amoritɔwo ƒe fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe fiaɖuƒe keke tso Aroer le Arnon balime gbɔ kple tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina yi ɖatɔ Yabok tɔsisi la si nye Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Gileadnyigba si le Yabok tɔsisi la ƒe dzigbeme egbe la ƒe afã nɔ Sixɔn ƒe anyigba me." data/train/JOS/JOS_021_Verse_008.mp3,Ale ƒome vovovoawo tso Gerson ƒe hlɔ̃ la me xɔ du wuietɔ̃ kple woƒe lãnyiƒewo. data/train/JOS/JOS_008_Verse_011.mp3,"Egagblɔ na wo be, “Ne míaƒe aʋakɔ blibo la ho aʋa ɖe Aitɔwo ŋu la, Aitɔwo ado go ava kpe mí na aʋawɔwɔ abe ale si wowɔ zi gbãtɔ ene." data/train/JOS/JOS_009_Verse_020.mp3,"Wodo awu vuvuwo kple afɔkpa siwo te vuvu wogbugbɔ tɔ, eye abolo si wotsɔ ɖe asi hã ƒu hedze fufu." data/train/JOS/JOS_008_Verse_002.mp3,"Aitɔwo ƒe aʋawɔlawo nye kɔ kpɔ megbe, kasia wokpɔ dzudzɔ la wòyi ɖatɔ keke dziŋgɔli. Mɔ aɖeke meganɔ anyi na sisi o, elabena Israelviwo, ame siwo si ɖo ta gbegbe la, trɔ hena aʋawɔwɔ kpli wo azɔ." data/train/JOS/JOS_022_Verse_019.mp3,"Ne miehiã vɔsamlekpui, elabena wogblẽ kɔ ɖo na miaƒe anyigba ta la, ekema miva kpe mí le míaƒe nɔƒe le tɔsisi la godo, afi si Yehowa le mía dome le, le eƒe Agbadɔ la me, eye míama míaƒe anyigba na mi. Ke migadze aglã ɖe Yehowa ŋu to vɔsamlekpui bubu tutu me kpe ɖe míaƒe Mawu ƒe vɔsamlekpui vavã ɖeka la ŋu o." data/train/JOS/JOS_015_Verse_017.mp3,"eye wòwɔ aʋa kple ame siwo nɔ Debir, du si woyɔna tsã be Kiriat Sefer la me." data/train/JOS/JOS_003_Verse_015.mp3,"Yosua kple Israelviwo katã fɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ tso Sitim va ɖo Yɔdan tɔsisi la to le fiẽ me. Wotsi afi ma dɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo hafi tso tɔsisi la." data/train/JOS/JOS_008_Verse_025.mp3,"Woɖo asrafoawo ɖe aʋawɔwɔ ŋu, ame geɖewo nɔ dua ƒe anyiehe lɔƒo, eye mamlɛawo nɔ dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Yosua tsi balime la le zã ma me." data/train/JOS/JOS_015_Verse_047.mp3,"Tso afi ma la, liƒo la to Akɔr ƒe balime yi Debir, eye wòtrɔ yi anyiehe kple ɣetoɖoƒe dome ɖo ta Gilgal le Adumim towo ƒe akpa kemɛ dzi, le balime la ƒe dziehe lɔƒo. Egayi En Semes ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi En Rogel." data/train/JOS/JOS_002_Verse_011.mp3,"Míatsɔ míaƒe agbe aʋli mia ta.” Esi Rahab ƒe xɔta kɔ wu dua ƒe gliwo ta la, esa ka legbe aɖe ɖe eƒe fesreti ŋu, eye wòna amedzroawo ɖiɖi to ka la ŋu ɖe anyigba le dua godo." data/train/JOS/JOS_012_Verse_015.mp3,Nafɔt Dor le ƒuta fia ɖeka. Goim le Gilgal fia ɖeka data/train/JOS/JOS_024_Verse_022.mp3,"Ne miegblẽ Yehowa ɖi, eye miesubɔ mawu bubuwo la, atso ɖe mia ŋu, eye wòatsrɔ̃ mi togbɔ be ekpɔ mia dzi ɣeyiɣi didi sia hã.”" data/train/JOS/JOS_013_Verse_005.mp3,"Du siwo nɔ afi ma la woe nye Hesbon kple du bubu siwo le gbadzaƒe: Dibon, Bamɔt Baal, Bet Baal Meon," data/train/JOS/JOS_010_Verse_032.mp3,"Woɖu Debirtɔwo dzi enumake, wu ame sia ame abe ale si wowɔ le Libna ene." data/train/JOS/JOS_005_Verse_012.mp3,"Yehowa ƒe Aʋafia la gblɔ nɛ be, “Ɖe wò afɔkpa le afɔ, elabena teƒe kɔkɔe aɖee nètsi tsitre ɖo!” Yosua wɔ nu si Aʋafia la ɖo nɛ, heɖe eƒe afɔkpa la le afɔ." data/train/JOS/JOS_010_Verse_029.mp3,"Wowɔ nu siawo katã le aʋadzedze ɖeka pɛ ko me, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la nɔ aʋa wɔm na wo." data/train/JOS/JOS_021_Verse_034.mp3,"Wotsɔ du ene siawo le Efraim tonyigba la dzi la na wo: Sekem si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo le Efraim ƒe tonyigba la dzi, Gezer," data/train/JOS/JOS_010_Verse_009.mp3,"Esime Israelviwo nɔ Amoritɔwo nyam, nɔ wo wum la, Yosua do gbe ɖa na Yehowa kple gbe sesẽ be, “Na ɣe natɔ ɖe Gibeon tame, eye nàna ɣleti hã natɔ ɖe Aiyalon balime tame!”" data/train/JOS/JOS_003_Verse_008.mp3,"Mibu eŋu kpɔ! Mawu, ame si nye Aƒetɔ na xexea me katã la ƒe nubablaɖaka akplɔ mí atso tɔsisi lae!" data/train/JOS/JOS_006_Verse_025.mp3,"Yosua ɖe gbe na ameawo be, “Migado aʋaɣli o, migakɔ miaƒe gbewo dzi o, eye migagblɔ nya aɖeke o va se ɖe gbe si gbe magblɔ na mi be mido ɣli, ekema miado ɣli!”" data/train/JOS/JOS_008_Verse_032.mp3,Yosua lé eƒe akplɔ do ɖe Ai du la gbɔ va se ɖe esime wowu Aitɔ mamlɛa. data/train/JOS/JOS_014_Verse_008.mp3,"Kaleb nɔ ŋgɔ na ame dɔdɔ aɖewo tso Yuda ƒe to la me, eye wova Yosua gbɔ le Gilgal. Kaleb Kenizitɔ gblɔ na Yosua be, “Èɖo ŋku nya si Yehowa gblɔ na Mose tso nye kple wò ŋu esime míenɔ Kades Barnea la dzia?" data/train/JOS/JOS_022_Verse_017.mp3,"Mikpɔ egbɔ be mieyi se siwo Mose de na mi la wɔwɔ dzi, milɔ̃ Yehowa, eye mizɔ ɖe ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe miaƒe agbenɔnɔ ŋu la nu. Milé ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, eye miasubɔe kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo.”" data/train/JOS/JOS_007_Verse_005.mp3,"Esi woxɔ Yeriko teti ko la, Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woatsa ŋku le Ai, si te ɖe Bet Aven le Betel ƒe ɣedzeƒe lɔƒo." data/train/JOS/JOS_021_Verse_032.mp3,Wotsɔ du aɖewo tso Efraim ƒe viwo ƒe anyigba dzi na ƒome bubu aɖewo tso Kohat hlɔ̃ la me. data/train/JOS/JOS_021_Verse_042.mp3,"Yarmut kple En Ganim, kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu siwo le du ene." data/train/JOS/JOS_015_Verse_014.mp3,"Esi Otniel kple Ahsa dze mɔ yina woƒe nɔƒe la, Ahsa gblɔ na Otniel be yeabia anyigba ye fofo kpe ɖe esi wòna ye xoxo la ŋu. Ale wòɖi le eƒe tedzi dzi be yeaƒo nu kple ye fofo, Kaleb, tso eŋuti. Kaleb biae be, “Nu kae hiã wò?”" data/train/JOS/JOS_007_Verse_002.mp3,"Ale mlɔeba la, wokplɔ Zabdi ƒe ŋutsuwo vɛ ɖekaɖeka, eye wokpɔ be fiafitɔ lae nye Akan, Karmi ƒe vi." data/train/JOS/JOS_006_Verse_003.mp3,"Ale Yehowa nɔ kple Yosua, eye eƒe ŋkɔxɔxɔ kaka ɖe anyigba blibo la dzi." data/train/JOS/JOS_001_Verse_015.mp3,"“Nye dɔla, Mose ku. Azɔ la wò kple dukɔ blibo la, midzra ɖo miatso Yɔdan tɔsisi la ayi ɖe anyigba si mele Israelviwo nam la dzi." data/train/JOS/JOS_003_Verse_001.mp3,"Azɔ Yɔdan tɔsisi la ɖɔ, gbagba le nuŋeɣi katã, gake esi nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la ɖo Yɔdan tɔsisi la nu, eye woƒe afɔ ka tɔsisi la to teti ko la," data/train/JOS/JOS_002_Verse_019.mp3,"Wogblɔ be, “Kakaɖedzi blibo li bena, Yehowa atsɔ anyigba la katã ana mí, elabena afi ma tɔwo katã le mía vɔ̃m ŋutɔŋutɔ.”" data/train/JOS/JOS_021_Verse_035.mp3,Wotsɔ du eve na wo le Manase ƒe viwo ƒe to afã la ƒe anyigba dzi; du siawoe nye Taanak kple Gat Rimon kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu. data/train/JOS/JOS_019_Verse_024.mp3,"Eƒe ɣetoɖoƒeliƒo dze egɔme tso Helef, dze to Aznɔt Tabɔr ŋu yi Hukok hewɔ ɖeka kple Zebulon ƒe liƒo le dziehe. Anyigba sia ƒe liƒo gawɔ ɖeka kple Aser ƒe viwo tɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Eƒe ɣedzeƒeliƒoe nye Yɔdan tɔsisi la." data/train/JOS/JOS_018_Verse_009.mp3,"Egaɖo ta dziehe, dze le Bet Hogla ŋu, eye wòwu nu ɖe Dzeƒu la to. Teƒe siae nye Yɔdan tɔsisi la ƒe seƒe le dziehe gome." data/train/JOS/JOS_013_Verse_020.mp3,Mose na anyigba Manase viwo ƒe to la ƒe afã le woƒe ƒomewo nu. data/train/JOS/JOS_024_Verse_015.mp3,"ke nyemeɖo toe o, ke boŋ mena wòyra mi boŋ. Ale meɖe Israel tso eƒe asi me." data/train/JOS/JOS_014_Verse_000.mp3,"“Abe ale si wò ŋutɔ nènya ene la, Yehowa lé agbe ɖe te nam, eye wòna lãmesesẽm tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia, le ƒe blaene-vɔ-atɔ̃ siawo me, tso esime míetsa tsaglalã le gbedzi. Egbe la, mexɔ ƒe blaenyi-vɔ-atɔ̃," data/train/JOS/JOS_013_Verse_011.mp3,"Gebalitɔwo ƒe anyigba kple Lebanonyigba blibo la ɖo ta ɣedzeƒe, tso Baal Gad, si le Hermon to la ƒe anyigbeme heyi Hamat mɔ la nu." data/train/JOS/JOS_003_Verse_007.mp3,"Le ŋkeke etɔ̃lia gbe la, kplɔlawo tsa le asaɖa la me," data/train/JOS/JOS_002_Verse_022.mp3,"Ŋkutsala eveawo ɖi tso toawo dzi, eye wotso tɔsisi la. Wogblɔ nya sia nya si dzɔ la na Yosua, Nun ƒe vi." data/train/JOS/JOS_009_Verse_013.mp3,ke boŋ wozu nakefɔlawo kple tsidulawo na Israelviwo. Woawoe adu tsi na Yehowa ƒe subɔsubɔdɔwɔwɔ le afi sia afi si woawɔ subɔsubɔdɔ le ko. Ɖoɖo sia gale edzi kokoko va se ɖe egbe. data/train/JOS/JOS_018_Verse_024.mp3,"Tso En Rogel la, liƒo la ɖo ta anyiehe kple ɣedzeƒe gome yi En Semes kple Gelilot le Adumim ƒe akpa kemɛ. Etrɔ tso afi ma ɖo ta Bohan, Ruben ƒe vi ƒe kpe la gbɔ," data/train/JOS/JOS_023_Verse_016.mp3,"yɔ Israel ƒe kplɔlawo, ametsitsiwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dɔdzikpɔlawo katã ƒo ƒu hegblɔ na wo be, “Fifia metsi azɔ." data/train/JOS/JOS_015_Verse_049.mp3,"Wogatsɔ du wuiade kple woƒe kɔƒewo na Yuda ƒe viwo. Du siawoe nye: Zenan, Hadasa, Migdal Gag," data/train/JOS/JOS_010_Verse_020.mp3,"Le dziɖuɖu siawo megbe la, Yosua kple Israel blibo la trɔ yi asaɖa la me le Gilgal." data/train/JOS/JOS_015_Verse_062.mp3,"Ɣedzeƒeliƒo la tso Dzeƒu la ŋu yi Yɔdan tɔsisi la nu. Anyigbemeliƒo la dze egɔme tso afi si Yɔdan tɔsisi la de nu Dzeƒu la me le," data/train/JOS/JOS_001_Verse_016.mp3,"Yosua gblɔ na Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe to ƒe afã bena," data/train/JOS/JOS_010_Verse_006.mp3,"Esi futɔwo nɔ sisim tso toawo dzi henɔ abu ɖim la, Yehowa na kpewo ge tso dziƒo va dze wo dzi hetsrɔ̃ wo le mɔa dzi va se ɖe keke Azeka ke. Ame siwo kpe siawo wu la sɔ gbɔ wu ame siwo Israelviwo wu kple yi." data/train/JOS/JOS_006_Verse_016.mp3,"Wotsrɔ̃ nu sia nu le dua me, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyiwo, alẽwo kple tedziwo. Wotsrɔ̃ nu sia nu keŋkeŋkeŋ." data/train/JOS/JOS_021_Verse_016.mp3,"Helkat kple Rehob, kpe ɖe wo ŋu lãnyiƒewo ŋu siwo le du ene." data/train/JOS/JOS_019_Verse_034.mp3,"Nunɔla Eleazar, Yosua kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo kpɔ akɔdada la dzi hena anyigba la mama ɖe toawo dome. Woda akɔ sia le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu le Silo." data/train/JOS/JOS_013_Verse_026.mp3,"Teƒe siwo le anyigba sia me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime la woe nye: Bet Haram, Bet Nimra, Sukɔt, Zafɔn kple Fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe anyigba mamlɛa. Anyigba la ƒe liƒo le ɣetoɖoƒe lae nye, Yɔdan tɔsisi la yi anyigbeme va ɖo keke Galilea ƒu la ƒe dzigbeme." data/train/JOS/JOS_006_Verse_013.mp3,"Na nunɔla adre ɖe sia ɖe natsɔ lãdzokpẽwo ɖe asi, eye woadze ŋgɔ na nubablaɖaka la. Le ŋkeke adrelia gbe la, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã du la zi adre le esime nunɔlaawo anɔ kpẽawo kum." data/train/JOS/JOS_017_Verse_005.mp3,"Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyigbemeliƒo ɖo ta anyigbeme lɔƒo tso Aser ƒe liƒo dzi yi Mixmetat, le Sekem ƒe ɣedzeƒe. Le anyigbeme la, liƒo la tso Mixmetat yi Tapua ƒe vudo gbɔ." data/train/JOS/JOS_024_Verse_003.mp3,"Ameawo ɖo eŋu be, “Míagblẽ Yehowa ɖi gbeɖe asubɔ mawu bubuwo o," data/train/JOS/JOS_022_Verse_004.mp3,"Egblɔ na wo be, “Miewɔ nu sia nu si Mose, Yehowa ƒe dɔla ɖo na mi be miawɔ, eye miewɔ nye sewo katã hã dzi." data/train/JOS/JOS_022_Verse_023.mp3,"Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo na ŋkɔ vɔsamlekpui la be, “Ɖaseɖiɖi ƒe Vɔsamlekpui,” elabena wogblɔ be, “Vɔsamlekpui la nye ɖaseɖiɖi le míawo kple woawo dome be Yehowae nye míaƒe Mawu.”" data/train/JOS/JOS_002_Verse_018.mp3,"Wodzo esi xexea me de asi tsyɔtsyɔ me, eye wòsusɔ vie woatu dua ƒe agbowo. Nyemenya afi si woyi o, ne mieɖe abla la, ɖewohĩ miatu wo!”" data/train/JOS/JOS_014_Verse_010.mp3,"Mexɔ ƒe blaene ɣe ma ɣi. Mose dɔ mí tso Kades Barnea be míatsa ŋku le Kanaanyigba la dzi. Esi míegbɔ la, megblɔ nu si mekpɔ tututu la nɛ," data/train/JOS/JOS_017_Verse_017.mp3,"Yosua gblɔ na Yosef ƒe aƒe, Efraim ƒe vi kple Manase ƒe vi siwo nɔ ɣetoɖoƒe la be, “Miesɔ gbɔ nyateƒe, eye miesẽa ŋu ŋutɔ, eya ta ele be miaxɔ anyigba wòalolo." data/train/JOS/JOS_021_Verse_027.mp3,"Merari ƒe viwo xɔ du wuieve tso Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo gbɔ." data/train/JOS/JOS_014_Verse_013.mp3,"Wotsɔ Anakitɔwo ƒe ame xɔŋkɔ aɖe ƒe ŋkɔ na Hebron, eya ta woyɔnɛ tsã be, Kiriat Arba. Tso esime Israelviwo xɔ anyigba la, eye wonɔ edzi ko la, afi ma tɔwo megaho aʋa ɖe wo ŋu kpɔ o." data/train/JOS/JOS_003_Verse_016.mp3,"Yosua ƒo ƒu Israelviwo katã nu, eye wògblɔ na wo be, “Miva miase nya si Yehowa, míaƒe Mawu la gblɔ." data/train/JOS/JOS_017_Verse_008.mp3,"Tapuanyigba nye Manase ƒe viwo tɔ, ke Tapua du la, si le Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe liƒo dzi la nye Efraim ƒe viwo tɔ." data/train/JOS/JOS_022_Verse_009.mp3,"Finehas si nye Eleaza vi gblɔ na wo be, “Míenya egbe be, Yehowa le mía dome, elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu abe ale si míebu ene o, ke boŋ mieɖe mí tso tsɔtsrɔ̃ me!”" data/train/JOS/JOS_006_Verse_022.mp3,"Yosua gblɔ na ameawo do ŋgɔ be, “Miwu ame sia ame negbe Rahab, gbolo la kple ame sia ame si anɔ eƒe aƒe me la ko, elabena exɔ na míaƒe ŋkutsalawo." data/train/JOS/JOS_015_Verse_026.mp3,"hetso eme yi Bet Hogla, Bet Araba ƒe anyiehe yi Bohan, Ruben ƒe vi ƒe kpe la gbɔ." data/train/JOS/JOS_024_Verse_006.mp3,"Eleazar, Aron ƒe vi hã ku, eye woɖii ɖe Efraim ƒe tonyigba dzi le Gibea, du si wotsɔ na via Finehas la me." data/train/JOS/JOS_009_Verse_021.mp3,"Woɖe abolo sia dzodzoe tso abolokpo me teti ko míedze mɔ, ke fifia la, abe ale si miawo ŋutɔ miakpɔe ene la, eƒu hedze fufu." data/train/JOS/JOS_005_Verse_011.mp3,"Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsɔ kpe nàwɔ hɛwo, eye nàtso aʋa na Israel ŋutsuwo katã.”" data/train/JOS/JOS_001_Verse_013.mp3,"“Miɖo ŋku nya si Mose, Yehowa ƒe dɔla gblɔ na mi la dzi. Egblɔ na mi be, ‘Yehowa, miaƒe Mawu la na anyigba mi le afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo," data/train/JOS/JOS_009_Verse_008.mp3,"Fifia la, fiƒode ava mia dzi; tso egbe sia dzi la, miazu subɔlawo na mí. Ɣe sia ɣi miafɔ nake, adu tsi na mí hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Mawu.”" data/train/JOS/JOS_002_Verse_015.mp3,"Nu sia ta míele mia vɔ̃m ŋutɔŋutɔ! Nya siawo sese ɖe dzi le mía ƒo, elabena Yehowa, miaƒe Mawue nye Mawu gã le dziƒo, eye menye mawu dzodzro aɖeke o." data/train/JOS/JOS_010_Verse_005.mp3,"Esi Adoni Zedek, Yerusalem fia se ale si Yosua xɔ Ai du, tsrɔ̃e gbidigbidi, eye wòwu Ai fia kple ale si wòwɔ Ai fia kple Yeriko fia kpakple ale si Gibeontɔwo wɔ nubabla kple Israelviwo, eye wozu Israel dzi nɔlawo la," data/train/JOS/JOS_010_Verse_026.mp3,"vɔvɔ̃ gã aɖe ɖoe, elabena Gibeon lolo abe fiadu ene, eye wòlolo sãa wu Ai, evɔ Gibeontɔwo nye aʋawɔla sesẽwo," data/train/JOS/JOS_017_Verse_009.mp3,"Tonyigba la anye mia tɔ togbɔ be enye anyigba si dzi ave le hã la, miƒo avea, eye miaxɔ anyigba la tso eƒe liƒo sia dzi yi liƒo kemɛ dzi togbɔ be gatasiaɖamwo le Kanaantɔwo si, eye wonye dukɔ sesẽ aɖe hã la, mianya wo ɖa le anyigba la dzi.”" data/train/JOS/JOS_015_Verse_012.mp3,Ekron ƒe du kple eŋukɔƒewo katã hã nɔ Yudatɔwo ƒe anyigba la me. data/train/JOS/JOS_009_Verse_023.mp3,"Woɖo eŋu na Yosua be, “Wò dɔlawo tso anyigba didi aɖe dzi. Míese nu tso Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋusẽ kple nu siwo katã wòwɔ le Egipte" data/train/JOS/JOS_006_Verse_011.mp3,"Le ŋkeke adrelia ƒe fɔŋli la, wogadze mɔ, ke azɔ ya la, womegaƒo xlã du la zi ɖeka ko o, ke boŋ woƒo xlãe zi adre." data/train/JOS/JOS_022_Verse_005.mp3,"Esi Finehas, nunɔla la kple Israelviwo ƒe tatɔwo se nya siawo tso Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la nu la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ." data/train/JOS/JOS_019_Verse_008.mp3,"(Dan ƒe viwo mete ŋu xɔ anyigba la bɔbɔe o, eya ta wowɔ aʋa kple Lesen du la, eye woxɔe. Wonɔ afi ma, eye wotsɔ wo tɔgbui Dan ƒe ŋkɔ na teƒea)." data/train/JOS/JOS_015_Verse_056.mp3,"Yuda ƒe viwo mete ŋu nya Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem la ɖa o, eya ta Yebusitɔwo gale afi ma, le Yuda ƒe viwo dome va se ɖe egbe." data/train/JOS/JOS_024_Verse_012.mp3,"Ke esi woɖo Ƒu Dzĩ la nu la, Egiptetɔwo kplɔ wo ɖo kple tasiaɖamwo kple sɔwo," data/train/JOS/JOS_022_Verse_008.mp3,"Finehas kple ame dɔdɔ ewoawo trɔ yi Israelvi bubuawo gbɔ, eye woɖe nu si dzɔ la me na wo." data/train/JOS/JOS_008_Verse_003.mp3,"Aitɔwo ƒe lãwo kple kesinɔnuwo ko wometsrɔ̃ o, elabena Israelviwo ƒe aʋawɔlawo tsɔ wo na wo ɖokuiwo. Yehowa ŋutɔe gblɔe na Yosua be woate ŋu atsɔ wo." data/train/JOS/JOS_020_Verse_003.mp3,"Ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, ate ŋu asi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, eye woaxɔ nɛ tso ame kukua ƒe ƒometɔwo, ame siwo adi be yewoabia hlɔ̃ awui la ƒe asi me." data/train/JOS/JOS_002_Verse_017.mp3,"Rahab gblɔ na ŋkutsalawo be, “Misi yi toawo dzi. Minɔ afi ma ŋkeke etɔ̃ va se ɖe esime ame siwo le mia dim la natrɔ agbɔ, ekema miate ŋu atrɔ adzo azɔ.”" data/train/JOS/JOS_002_Verse_013.mp3,"negbe ne míege ɖe anyigba la dzi, eye nètsɔ avɔ dzĩ tsi ɖe fesre si nètsɔ mí toe la nu, eye ne mèkplɔ fofowò kple dawò, nɔviwò ŋutsuwo kple wò ƒometɔwo katã va wò aƒe me o la, míedze agɔ o." data/train/JOS/JOS_019_Verse_014.mp3,Du wuiade siawo kple du sue siwo ƒo xlã wo lae nɔ anyigba la dzi. Isaka ƒe viwo ƒe anyigba yi ɖatɔ Yɔdan tɔsisi la. data/train/JOS/JOS_015_Verse_037.mp3,"Lebaot, Silhin, Ain kple Rimon. Du siawo katã de blaeve-vɔ-asiekɛ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo." data/train/JOS/JOS_005_Verse_007.mp3,Gbe ma gbe ƒe fɔŋlie nye ŋkeke gbãtɔ si dzi woɖu nukuwo tso Kanaanyigba la dzi; woɖu bli meme kple amɔ maʋamaʋã. data/train/JOS/JOS_008_Verse_005.mp3,Ale Ai trɔ zu gli gbagbã siwo woli kɔe ɖi va se ɖe egbe. data/train/JOS/JOS_006_Verse_024.mp3,"Yosua, Nun ƒe vi, yɔ nunɔlaawo hegblɔ na wo be, “Mikɔ nubablaɖaka la; mia dometɔ adre nakɔ woƒe kpẽwo, eye miadze Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ.”" data/train/JOS/JOS_021_Verse_025.mp3,"Levitɔ mamlɛawo, ame siwo nye Merari ƒe hlɔ̃ la xɔ du ene siawo: le Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Yokneam, Karta," data/train/JOS/JOS_006_Verse_002.mp3,"Ale wòɖe gbe na ameawo be, “Mizɔ yi ŋgɔ! Mizɔ ƒo xlã du la. Ame siwo lé aʋawɔnuwo ɖe asi la nedze ŋgɔ na Yehowa ƒe nubablaɖaka la.”" data/train/JOS/JOS_019_Verse_018.mp3,"elabena Yehowa gblɔ be Yosua ate ŋu atia du sia du si adze eŋu. Etia Timnat Sera le Efraim ƒe tonyigba dzi, gbugbɔe tu, eye wònɔ afi ma." data/train/JOS/JOS_007_Verse_015.mp3,Wolɔ nuawo katã va da ɖe anyigba le Yosua ƒe afɔ nu. data/train/JOS/JOS_021_Verse_029.mp3,"Wogblɔ na takpekpe la be, “Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose, be wòatsɔ du aɖewo ana mí Levitɔwo, woanye aƒe na mí kple lãnyiƒe na míaƒe lãwo.”" data/train/JOS/JOS_008_Verse_004.mp3,Ale Ai fia ɖe gbe na eƒe asrafo siwo katã nɔ dua me la be woati Israelviwo yome. Ale dutaʋlilawo vɔ le dua me; data/train/JOS/JOS_017_Verse_004.mp3,"Le esia ta la, Manase xɔ mama ewo kpe ɖe Gilead kple Basan ŋu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe" data/train/JOS/JOS_002_Verse_003.mp3,"be miaɖe fofonye kple danye, nɔvinye ŋutsuwo kple nɔvinye nyɔnuwo ƒe agbe kpe ɖe woƒe nunɔamesiwo ŋu, eye be míaɖe mí tso ku me.”" data/train/JOS/JOS_015_Verse_054.mp3,"Yehowa gblɔ na Yosua be wòatsɔ Yuda ƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Kaleb, Yefune ƒe vi la. Ale wotsɔ Arba du si wogayɔna be Hebron, du si wotsɔ Anak fofo ƒe ŋkɔ na la na Kaleb." data/train/JOS/JOS_003_Verse_013.mp3,"Yosua gblɔ na ameawo be, “Mikɔ mia ɖokuiwo ŋuti, elabena etsɔ la, Yehowa le nukunu gã aɖe wɔ ge.”" data/train/JOS/JOS_013_Verse_016.mp3,"kple Ɔg, Basan fia, ame si ɖu fia le Astarot kple Edrei la ƒe anyigba. Eyae nye Refaimtɔ mamlɛtɔ, elabena Mose ho aʋa ɖe wo ŋu, eye wònya wo ɖa le anyigba la dzi." data/train/JOS/JOS_015_Verse_018.mp3,eye wòyi Azmon. Eto tɔʋu si le Egipte ƒe liƒo dzi la ŋu heyi ɖatɔ Domeƒu la. Esia nye Yuda ƒe anyigbemeliƒo. data/train/JOS/JOS_002_Verse_014.mp3,"Nu si Rahab wɔe nye, ekplɔ ameawo yi xɔta, eye wòɣla wo ɖe ɖetifu si wòsia ɖe afi ma la te." data/train/JOS/JOS_018_Verse_011.mp3,eye wòzɔ Bet Araba ƒe anyieheliƒo la ŋu heyi Araba. data/train/JOS/JOS_004_Verse_001.mp3,Aʋawɔlawo abe ŋutsu akpe blaene ene tso eme le Yehowa ŋkume yi gbedzi le Yeriko lɔƒo. data/train/JOS/JOS_011_Verse_020.mp3,"Yosua kple eƒe amewo tu ata na futɔwo ƒe sɔwo, eye wotɔ dzo woƒe tasiaɖamwo abe ale si Yehowa ɖo na wo ene." data/train/JOS/JOS_021_Verse_020.mp3,Kedemot kple Mefaat kple wo ŋu lãnyiƒewo le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi siwo le du ene. data/train/JOS/JOS_003_Verse_005.mp3,"“Fifia la, mitia ame wuieve, ame ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me hena dɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ." data/train/JOS/JOS_022_Verse_010.mp3,"Gbã la, Israelviwo na Finehas, nunɔla Eleazar ƒe vi, kplɔ ame dɔdɔ aɖewo tso tɔsisi la, eye woƒo nu kple wo nɔvi Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la." data/train/JOS/JOS_013_Verse_013.mp3,Israelviwo hã wu afakala Balaam si nye Beor ƒe vi la hã. data/train/JOS/JOS_021_Verse_031.mp3,"Wotsɔ Arba du, si wotsɔ Arba, Anak fofo ƒe ŋkɔ na, eye woyɔnɛ azɔ be Hebron le Yuda ƒe tonyigba dzi la na wo, kpe ɖe lãnyiƒe si ƒo xlãe la ŋu." data/train/JOS/JOS_024_Verse_019.mp3,Meɖo nudzodzoe teamewo ɖe mia ŋgɔ be woanya Amoritɔwo ƒe fia eveawo kple woƒe amewo. Menye miaƒe yiwo alo aŋutrɔwoe he dziɖuɖu vɛ na mi o! data/train/JOS/JOS_004_Verse_004.mp3,"Ewɔ esia ale be, xexemedukɔwo katã nanya be Yehowae nye Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ale be mí katã míavɔ̃e tegbee.”" data/train/JOS/JOS_003_Verse_003.mp3,"Egbe la, miadze sii kɔtɛe be Mawu gbagbe la le mia dome, eye wòanya Kanaantɔwo, Hititɔwo, Hivitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, kple Yebusitɔwo le anyigba si xɔ ge míala fifia la dzi." data/train/JOS/JOS_011_Verse_011.mp3,"Ke Yosua metɔ dzo du siwo nɔ togbɛwo dzi la ya o, negbe Hazor ko." data/train/JOS/JOS_007_Verse_008.mp3,eye wofɔ kpewo li kɔ ɖe wo dzi. Kpeawo gale afi ma va se ɖe egbe. Wogayɔa teƒe la be “Dzɔgbevɔ̃e Ƒe Balime” va se ɖe egbe. Ale Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu tso. data/train/JOS/JOS_003_Verse_006.mp3,Gblɔ na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woatɔ ɖe tɔsisi la nu.” data/train/JOS/JOS_021_Verse_017.mp3,Hesbon kple Yazer kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo. data/train/JOS/JOS_002_Verse_005.mp3,"Hafi woamlɔ anyi la, Rahab yi ɖagblɔ na amedzroawo be," data/train/JOS/JOS_021_Verse_039.mp3,"Woxɔ du ene siawo le Aser ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Misal, Abdon," data/train/JOS/JOS_007_Verse_019.mp3,"Yosua gblɔ na Akan be, “Vinye, tsɔ bubu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, eye nàʋu nu vɔ̃ me; gblɔ nu si nèwɔ la nam.”" data/train/JOS/JOS_022_Verse_007.mp3,"eya tae míetu vɔsamlekpui aɖe, menye hena numevɔsawo alo akpedavɔsawo o," data/train/JOS/JOS_023_Verse_009.mp3,"Miekpɔ nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le nye agbenɔɣi. Ewɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòtsɔ woƒe anyigba na mi." data/train/JOS/JOS_007_Verse_012.mp3,"Ne Kanaantɔwo kple dukɔ bubu siwo le nuto sia me ase nya sia la, woaɖe to ɖe mí, akpe aʋa kpli mí, eye woatsrɔ̃ míaƒe ŋkɔ keŋkeŋ. Ekema nya kae adzɔ ɖe bubu kple ŋkɔ gã si le asiwò la dzi?”" data/train/JOS/JOS_007_Verse_003.mp3,Ale woɖo aʋawɔla abe akpe etɔ̃ ene ko ɖa. Ke woɖu Israelviwo dzi bɔbɔe; data/train/JOS/JOS_013_Verse_028.mp3,"Woƒe anyigba la nye teƒe si tso Areor, le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe toga kple du siwo le balime la, to Medeba ƒe togbɛnyigba dzi yi Dibon." data/train/JOS/JOS_019_Verse_025.mp3,"Eƒo xlã tso afi sia yi ɣetoɖoƒe, te ɖe Marala kple Dabeset ŋu va ɖo Yokneam tɔʋu la ŋu." data/train/JOS/JOS_013_Verse_006.mp3,"Du siwo nɔ togbɛwo dzi kple Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe me la hã nɔ Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Sixɔn nye Amoritɔwo ƒe fia si nɔ Hesbon. Mose wu Fia Sixɔn kple Midian fia bubu siawo: Evi, Rekem, Zur, Hur kple Reba." data/train/JOS/JOS_004_Verse_000.mp3,"Ale Yosua yɔ ame wuieve siwo wòtia tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me," data/train/JOS/JOS_002_Verse_021.mp3,"Yosua, Nun ƒe vi la dɔ ŋkutsala eve tso Israelviwo ƒe asaɖa la me le Sitim be woatso tɔsisi la, eye woalé ŋku ɖe nuwo ŋu le afi ma le adzame, vevietɔ le Yeriko. Ŋkutsalawo yi ɖadze gbolo aɖe si ŋkɔe nye Rahab la gbɔ. Wodi be yewoanɔ afi ma ŋkeke eve," data/train/JOS/JOS_015_Verse_039.mp3,"Liƒo la gatso Ekron yi ɖatɔ Domeƒu la, eye du kple kɔƒe siwo te ɖe Asdod ƒe liƒo ŋu la hã le anyigba la me kpe ɖe Asdod du la kple eƒe kɔƒewo," data/train/JOS/JOS_022_Verse_014.mp3,"Le esia megbe la, Yosua yra wo, eye wòɖo wo ɖe woƒe anyigbawo dzi." data/train/JOS/JOS_022_Verse_021.mp3,"“Nede megbe xaa tso mía gbɔ be, míagbugbɔ le Yehowa yome alo atsi tsitre ɖe eŋu to vɔsamlekpuiɖiɖi me na mía ɖokui hena numevɔsa kple nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuawo. Vɔsamlekpui si le Agbadɔ la ŋkume ko ŋu dɔ míawɔ na vɔsasa.”" data/train/JOS/JOS_008_Verse_022.mp3,"Miatsrɔ̃ wo abe ale si mietsrɔ̃ Yeriko kple woƒe fia ene. Ke azɔ ya la, miate ŋu atsɔ woƒe nuwo kple woƒe nyi siwo mieha la woazu mia tɔ. Na ameawo nade xa ɖe dua godo.”" data/train/JOS/JOS_011_Verse_008.mp3,"Eɖo du ɖe Kanaan fia siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa eveawo dzi, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo le tonyigba la dzi kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Hermon to la dzi le Mizpanyigba dzi." data/train/JOS/JOS_015_Verse_061.mp3,"ɖo ta Edom ƒe to Seir gbɔ, yi Yearim to alo Kesalon ƒe dzigbeme, yi Bet Semes heto Timna ŋu." data/train/JOS/JOS_004_Verse_010.mp3,miagblɔ na wo be kpe siawo le ŋku ɖom nukunu gã si dzɔ esime Israel dukɔ la zɔ ƒuƒuiƒe hetso Yɔdan tɔsisi la dzi! data/train/JOS/JOS_011_Verse_013.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, Yosua tsrɔ̃ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nɔ tonyigbawo dzi le Hebron, Debir, Anab, Yuda kple Israel. Ewu wo katã keŋkeŋ, eye wòtsrɔ̃ woƒe duwo gbidigbidi." data/train/JOS/JOS_019_Verse_050.mp3,"ɖo ta ɣedzeƒe to Bet Dagon yi keke Zebulon le Ifta El ƒe balime. Etrɔ ɖo ta Bet Emek kple Neiel ƒe anyiehe, eye wòyi ɣedzeƒe na Kabul," data/train/JOS/JOS_024_Verse_033.mp3,"Yosua ɖo eŋu na ameawo be, “Miate ŋu asubɔ Yehowa o, elabena Mawu le kɔkɔe, eye wòʋãa ŋu, matsɔ miaƒe aglãdzedze kple nu vɔ̃wo ake mi o." data/train/JOS/JOS_013_Verse_021.mp3,Ruben ƒe to: Mose na anyigba Ruben ƒe to la ɖe ƒome siwo le to la me la ƒe agbɔsɔsɔ nu. data/train/JOS/JOS_024_Verse_023.mp3,"Woɖi Yosef ƒe ƒu siwo Israel tsɔ vɛ tso Egiptenyigba dzi la ɖe Sekem, le anyigba si Yakob ƒle le Hamor ƒe viwo si la dzi. Teƒe sia le anyigba si woma na Yosef ƒe viwo la me." data/train/JOS/JOS_009_Verse_011.mp3,"Israelviwo ƒe aʋakɔ dze mɔ enumake be yeaku nya la gɔme, eye woɖo woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe. Woƒe duwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gibeon, Kefira, Beerot kple Kiriat Yearim," data/train/JOS/JOS_011_Verse_022.mp3,Yosua tsɔ ƒe adre wɔ nu siawo katã. data/train/JOS/JOS_022_Verse_013.mp3,"Ke hafi woatso Yɔdan adzo le Kanaanyigba dzi la, wotu ŋkuɖodzikpe gã aɖe abe vɔsamlekpui ene be ame sia ame nakpɔ." data/train/JOS/JOS_022_Verse_025.mp3,woƒo ƒu aʋawɔla aɖewo nu le Silo be yewoawɔ aʋa kple yewo nɔvi Israel ƒe to eve kple afã ma me tɔwo. data/train/JOS/JOS_018_Verse_028.mp3,"Zela, Haelef, Yebus (alo Yerusalem), Gibea kple Kiriat Yearim. Wo katã le du wuiene. Wotsɔ du wuiene siawo kple kɔƒe siwo katã ƒo xlã wo la na Benyamin ƒe ƒome la." data/train/JOS/JOS_013_Verse_018.mp3,"Manase ƒe to la ƒe afã kple Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe xoxo, elabena Mose tsɔ anyigba sia na wo." data/train/JOS/JOS_003_Verse_004.mp3,"eye woɖe gbeƒã na ameawo be, “Ne miekpɔ nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo wokɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la, ekema miho miadze wo yome." data/train/JOS/JOS_023_Verse_010.mp3,"Mikpɔ nyuie be, miade ha kple trɔ̃subɔla siwo gale anyigba la dzi kura o. Migayɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã o; migawɔ woƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me o, eye migasubɔ wo o." data/train/JOS/JOS_022_Verse_029.mp3,"Ɖe miegale tɔtrɔm le Yehowa yome xoxoa? Elabena mienya be ne yewodze aglã ɖe Yehowa ŋu egbe la, ado dɔmedzoe ɖe mí katã ŋu etsɔ si gbɔna." data/train/JOS/JOS_009_Verse_017.mp3,"Kplɔlawo ɖo eŋu be, “Míeka atam le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me be míawɔ nuvevi wo o, eya ta míaka asi wo ŋu hã o." data/train/JOS/JOS_009_Verse_006.mp3,"eya ta míaƒe ametsitsiwo kple míaƒe amewo gblɔ na mí be, ‘Midzra ɖo na mɔ didi aɖe zɔzɔ. Miyi Israelviwo gbɔ, eye miatsɔ míaƒe dukɔ na wo, ale be míazu woƒe subɔlawo, eye miabia ŋutifafa.’" data/train/JOS/JOS_017_Verse_010.mp3,"Viŋutsu aɖeke menɔ Zelofehad si o, Zelofehad fofoe nye Hefer, ame si fofoe nye Gilead, ame si fofoe nye Makir, ame si hã fofoe nye Manase. Vinyɔnu atɔ̃ koe nɔ esi, woawoe nye: Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza." data/train/JOS/JOS_013_Verse_014.mp3,"Ke Israelviwo menya Gesuritɔwo alo Makatitɔwo o, eya ta wogale Israelviwo dome va se ɖe egbe." data/train/JOS/JOS_012_Verse_020.mp3,"Woɖu Ɔg, Basan fia, ame si nye Refaim ƒe dzidzimeviwo ƒe mamlɛtɔ nɔ Astarot kple Edrei hã dzi." data/train/JOS/JOS_013_Verse_007.mp3,Ena anyigba wo tso Mahanaim. Basan blibo si nye Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe kple Yair kple Basan ƒe du blaade nɔ to sia ƒe anyigba me. data/train/JOS/JOS_013_Verse_019.mp3,"Mose mena anyigba aɖeke Levitɔwo o, elabena abe ale si wòɖe eme na woe ene la, Yehowa Mawu lae nye woƒe domenyinu, Yehowa koe nye nu si wohiã. Yehowa ŋutɔ akpɔ wo ta abe ale si dze ene." data/train/JOS/JOS_022_Verse_018.mp3,"Ne míeda le Yehowa ƒe se dzi, eye míetu míawo ŋutɔ ƒe vɔsamlekpui be míasa numevɔ alo nuɖuvɔ loo alo ŋutifafavɔ le edzi la, ekema Yehowa ŋutɔ nahe to na mí." data/train/JOS/JOS_024_Verse_028.mp3,"Yosua gblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la be, ‘Mia tɔgbuiwo, Tera, Abraham kple Nahor fofo wonɔ Frat tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, eye wosubɔ mawu bubuwo." data/train/JOS/JOS_022_Verse_012.mp3,"Ke esi Israelvi bubuawo se nu si wowɔ la," data/train/JOS/JOS_001_Verse_009.mp3,Matsɔ teƒe sia teƒe si miaɖo afɔe la ana mi abe ale si medo ŋugbee na Mose ene. data/train/JOS/JOS_005_Verse_001.mp3,"Azɔ la, susu si ta wòwɔe ɖo lae nye esi: ame siwo katã do tso Egipte, ŋutsu siwo katã ate ŋu ayi aʋa la ku ɖe gbea dzi esi wodo go tso Egipte." data/train/JOS/JOS_005_Verse_006.mp3,"Esime Yosua nɔ teƒe si te ɖe Yeriko ŋu, eye wòfɔ kɔ dzi ko la, ame aɖe si lé yi ɖe asi la do ɖe eŋkume kpoyi! Yosua te ɖe eŋu, eye wòbiae be, “Mía dzie nèle loo alo míaƒe futɔe nènye?”" data/train/JOS/JOS_021_Verse_038.mp3,"Woxɔ du ene le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Ramot le Gilead si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka, Mahanaim," data/train/JOS/JOS_010_Verse_037.mp3,"Yosua kple Israel katã dzo le Lakis heyi Eglon. Woɖe to ɖe du sia, eye woho aʋa ɖe eŋu." data/train/JOS/JOS_021_Verse_007.mp3,"Ale ƒome siwo tso Kohat hlɔ̃ la me la, xɔ du ewo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo." data/train/JOS/JOS_015_Verse_009.mp3,"Du siwo wotsɔ na Yuda ƒe viwo le gbadzaƒe la woe nye: Estaol, Zora, Asna," data/train/JOS/JOS_011_Verse_012.mp3,"kple fia siwo nɔ tonyigba la dzi le dziehe le Araba, le Kineret kple esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Galilea ƒu la ƒe dziehe kple fia siwo nɔ ɣetoɖoƒetogbɛwo dzi le ƒuta, te ɖe Nafɔt Dor ŋu." data/train/JOS/JOS_021_Verse_005.mp3,"Ale wowɔ ɖe nu si Yehowa ɖo na Mose la dzi, eye woma du siawo kple lãnyiƒe siwo le wo ŋu la to akɔdada me." data/train/JOS/JOS_006_Verse_026.mp3,"Ŋkutsalawo yi ɖatu Rahab, eye woxɔe ɖe agbe kpe ɖe fofoa, dadaa, nɔviawo kple ame siwo katã nɔ egbɔ la ŋu. Wona ame siawo nɔ Israelviwo ƒe asaɖa la godo." data/train/JOS/JOS_008_Verse_015.mp3,"Esi Israelviwo wu Aitɔ siwo nɔ dua godo vɔ la, wotrɔ yi dua me, eye wowu ame siwo katã ganɔ dua me." data/train/JOS/JOS_016_Verse_008.mp3,Wotsɔ du aɖewo tso Manase to la ƒe afã ƒe anyigba dzi hã na Efraim ƒe viwo. data/train/JOS/JOS_008_Verse_023.mp3,Mitɔ dzo dua abe ale si Yehowa ɖo na mí ene. Esiawoe nye nye ɖoɖowo na mi.” data/train/JOS/JOS_012_Verse_002.mp3,"Anyigba si tso Araba yi Galilea ƒu la ƒe ɣetoɖoƒeliƒo dzi heyi anyigbeme ɖatɔ Araba ƒu si nye (Dzeƒu la) heɖo ta Bet Yesimot, va se ɖe Pisga towo ƒe dziehe ŋu la hã nɔ Fia Sixɔn te." data/train/JOS/JOS_007_Verse_017.mp3,"Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsi tsitre! Nu ka ta nèmlɔ anyigba ale?" data/train/JOS/JOS_011_Verse_004.mp3,"elabena nenemae Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose, eya hã gblɔ ɖoɖo ma na Yosua, eye eya hã wɔ nu si wogblɔ nɛ. Yosua wɔ se siwo katã Yehowa de na Mose la dzi." data/train/JOS/JOS_009_Verse_014.mp3,"Ke Gibeontɔwo, ame siwo nye Hivitɔwo la se nu si Yosua wɔ Yeriko kple Ai." data/train/JOS/JOS_019_Verse_042.mp3,To etɔ̃lia si wona anyigbae lae nye Zebulon ƒe viwo. Woƒe anyigba la ƒe liƒo dze egɔme tso Sarid ƒe anyigbeme. data/train/JOS/JOS_009_Verse_026.mp3,"Yosua yɔ Gibeon ƒe kplɔlawo, eye wòbia wo be, “Nu ka ta mieble mí be miaƒe anyigba le didiƒe, le afi aɖe ke, le esime wònye ele kpuiƒe, afi sia ko le mía dome ɖo?" data/train/JOS/JOS_017_Verse_000.mp3,"Esi Israelviwo va kpɔ ŋusẽ emegbe la, wozi Kanaantɔwo dzi, eye wosubɔa wo abe kluviwo ene." data/train/JOS/JOS_023_Verse_011.mp3,"“Ne miegbugbɔ le Yehowa yome, eye ne miede asi srɔ̃ɖeɖe tso wo dome me la," data/train/JOS/JOS_010_Verse_025.mp3,"Tso afi sia la, Israelviwo yi Libna." data/train/JOS/JOS_009_Verse_004.mp3,"Ele be míana woanɔ agbe, elabena ne mietu míaƒe atam la la, Yehowa ado dɔmedzoe ɖe mia ŋu.”" data/train/JOS/JOS_014_Verse_012.mp3,"Mose tsɔ to eve kple afã ƒe domenyinu na wo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, ke mena domenyinu aɖeke Levitɔwo ɖe ame bubuawo dome o," data/train/JOS/JOS_013_Verse_027.mp3,"Wotsɔ Gilead ƒe afã, Astarot kple Edrei (du siwo le Ɔg, Basan fia ƒe fiaɖuƒe me), na Makir, Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã. Esiawoe nye anyigba siwo wotsɔ na Manase ƒe vi Makir ƒe to la ƒe afã le woƒe ƒome nu." data/train/JOS/JOS_009_Verse_000.mp3,"Ale Gibeontɔwo zu kluviwo na Israelviwo, wozu nakefɔlawo kple tsidulawo na wo." data/train/JOS/JOS_024_Verse_020.mp3,"“ ‘Mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieva Yeriko, afi ma tɔwo wɔ aʋa kpli mi abe ale si Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Girgasitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo siaa wɔ ene. Wowɔ aʋa kpli mi ɖeka ɖeka, gake metsrɔ̃ wo katã." data/train/JOS/JOS_022_Verse_006.mp3,"Esi woɖo Gilead la, wogblɔ na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã bena," data/train/JOS/JOS_020_Verse_005.mp3,"Ne amewula la ɖo du siawo dometɔ ɖeka me la, awɔ takpekpe kple du ma me tɔwo ƒe ametsitsiwo, agblɔ nu si dzɔ la na wo, ekema woaxɔe, ana teƒee wòanɔ le wo dome." data/train/JOS/JOS_021_Verse_014.mp3,"Gerson ƒe viwo xɔ du wuietɔ̃ siwo wotia to akɔdada me tso du siwo le Basan la me. Isaka ƒe viwo, Aser ƒe viwo, Naftali ƒe viwo kple Manase ƒe to ƒe afã ɖe asi le du siawo ŋu na wo." data/train/JOS/JOS_015_Verse_046.mp3,"Saaraim, Aditaim, Gedera (alo Gederotaim). Du siawo nye du wuiene kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo." data/train/JOS/JOS_021_Verse_040.mp3,"Woxɔ du ene siawo le Isaka ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Kision, Daberat," data/train/JOS/JOS_015_Verse_041.mp3,"Liƒo la yi togbɛ siwo le Ekron ƒe dzigbeme la gbɔ, trɔ ɖo ta Sikeron to, Baala to la ŋu, yi Yabneel hewu nu ɖe Domeƒu la to." data/train/JOS/JOS_019_Verse_045.mp3,"Wotsɔ du siwo nɔ anyigbeme yi keke Balat Beer, si wogayɔna be (Rama le Negeb) la. Esiawo hã wotsɔ na Simeon ƒe viwo." data/train/JOS/JOS_019_Verse_003.mp3,Ale du siwo nɔ Naftali ƒe viwo ƒe anyigba dzi la le wuiasiekɛ kpe ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã wo la ŋu. data/train/JOS/JOS_017_Verse_003.mp3,"eya ta, azɔ la, wotsɔ anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la na hlɔ̃ siwo dzɔ tso Abiezer, Helek, Asriel, Sekem, Semida kple Hefer me." data/train/JOS/JOS_016_Verse_003.mp3,"Eƒe ɣedzeƒeliƒo ƒe afã le dzigbeme gome tso Tapua, to Kana tɔʋu la ŋu yi ɖatɔ Domeƒu la. Esia nye Efraimviwo ƒe to la ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu." data/train/JOS/JOS_006_Verse_006.mp3,"Esi ameawo se kpẽawo ƒe ɖiɖi sesĩe la, wodo ɣli sesĩe abe ale si woate ŋui ene. Tete Yeriko ƒe gliwo mu dze anyi, eye wokaka le wo ŋkume. Israelviwo ge ɖe du la me bibibi to afi sia afi, eye woxɔ du la." data/train/JOS/JOS_010_Verse_011.mp3,"Esime wona nyanya Yosua be wokpɔ fiawo la," data/train/JOS/JOS_019_Verse_048.mp3,Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyieheliƒo to Hanaton hewu nu ɖe Ifta El ƒe balime. data/train/JOS/JOS_008_Verse_027.mp3,"Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsɔ wò akplɔ do ɖe Ai lɔƒo, elabena matsɔ du la ana wò.” Yosua wɔ nenema." data/train/JOS/JOS_011_Verse_015.mp3,"Wowu ame sia ame le Hazor du la me, eye wotɔ dzo du la." data/train/JOS/JOS_013_Verse_022.mp3,"Ruben ƒe viwo ƒe anyigba tso Aroer le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe toga, dze le Arnon du si le balime la ƒe titina la ŋu va dze le Medeba ƒe togbɛwo ŋu." data/train/JOS/JOS_010_Verse_031.mp3,"Woxɔ du sia kple du sue siwo ƒo xlãe, eye wowu ameawo katã kple woƒe fia; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe o." data/train/JOS/JOS_008_Verse_009.mp3,"asrafo aɖeke kura meganɔ Ai alo Betel o. Gawu la, woʋu Ai ƒe agbowo da ɖi siãa." data/train/JOS/JOS_002_Verse_024.mp3,"Ŋutsuawo gblɔ nɛ be, “Atam si nèna míeka fifia la, mabla mí o," data/train/JOS/JOS_006_Verse_001.mp3,"Ale wozɔ ƒo xlã du la zi ɖeka le ŋkeke evelia gbe, eye wogatrɔ yi asaɖa la me. Wowɔ alea ŋkeke ade." data/train/JOS/JOS_010_Verse_000.mp3,Ale Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃ siawo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo katã ɖekae be yewoaho aʋa ɖe Gibeontɔwo ŋu. data/train/JOS/JOS_023_Verse_013.mp3,"Yehowa, miaƒe Mawu la ana miaƒe futɔwo nagbugbɔ, eye wòanya wo, woasi le mia ŋgɔ. Miaxɔ woƒe anyigbawo abe ale si Yehowa, miaƒe Mawu la do ŋugbe na mi ene." data/train/JOS/JOS_006_Verse_021.mp3,"Yosua fɔ ŋdi kanya, nunɔlaawo kɔ nubablaɖaka la," data/train/JOS/JOS_022_Verse_016.mp3,"Míewɔ nu sia, elabena míevɔ̃ be mia viwo agblɔ na mía viwo be, ‘Mɔ ka miekpɔ asubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la?" data/train/JOS/JOS_021_Verse_036.mp3,Wotsɔ du ewo tso Efraim ƒe viwo ƒe duwo me na Kohat ƒe ƒome bubuawo. data/train/JOS/JOS_010_Verse_010.mp3,"Esime Israelviwo nɔ aʋa wɔm le Lakis la, Gezer fia Horan va do kple eƒe aʋakɔ be yeaʋli Lakis du la ta. Ke Yosua ƒe amewo wui, eye wotsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la." data/train/JOS/JOS_011_Verse_003.mp3,"Dukɔ siawo katã kplɔ woƒe aʋakɔwo vɛ, eye woƒo ƒu zu aʋakɔ gã ɖeka ɖe Israel ŋu. Aʋakɔ gã sia kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene." data/train/JOS/JOS_015_Verse_015.mp3,"Esia ta Kaleb nya Anak ƒe vi etɔ̃awo, Talmai, Sesai kple Ahiman ƒe dzidzimeviwo le anyigba la dzi," data/train/JOS/JOS_006_Verse_008.mp3,"Esi Yosua ƒo nu na ameawo vɔ la, nunɔla adre siwo lé kpẽ adre ɖe asi le Yehowa ŋkume la zɔ ɖe ŋgɔgbe henɔ woƒe kpẽawo kum, eye Yehowa ƒe nubablaɖaka la kplɔ wo ɖo." data/train/JOS/JOS_015_Verse_027.mp3,"Humta, Kiriat Arba (alo Hebron) kple Zior. Dus siawo le asieke kple woƒe kɔƒeduwo." data/train/JOS/JOS_014_Verse_007.mp3,"Hebron ganye Kaleb, si nye Yefune, ame si hã nye Kenizitɔ la ƒe vi ƒe dzidzimeviwo tɔ va se ɖe egbe, elabena Kaleb ɖo to Yehowa, Israel ƒe Mawu la." data/train/JOS/JOS_002_Verse_002.mp3,"Amedzroawo lɔ̃, eye wodo ŋugbe nɛ be, “Ne màfia mía yomemɔ o la, ekema míakpɔ egbɔ be wò kple wò ƒometɔwo katã mianɔ dedie." data/train/JOS/JOS_011_Verse_000.mp3,Ale Israelviwo ƒe anyigba keke azɔ tso keke Halak to la gbɔ te ɖe Seir ŋu yi Baal Gad le Lebanon ƒe balime le Hermon to la te. Yosua wu teƒe mawo ƒe fiawo katã. data/train/JOS/JOS_008_Verse_013.mp3,"Ekema míade asi sisi me, eye woakplɔ mí ɖo va se ɖe esi woƒe aʋawɔlawo katã ado go le dua me. Woagblɔ be, ‘Israelviwo gale sisim abe ale si wowɔ zi gbãtɔ ene!’" data/train/JOS/JOS_019_Verse_032.mp3,"Liƒo la ɖo ta Rama kple Tiro, du si woɖo gli ƒo xlã la gbɔ, eye wòyi ɖatɔ Domeƒu la le Hosa. Du bubu siwo le anyigba la dzi la woe nye Mahala, Akzib," data/train/JOS/JOS_012_Verse_019.mp3,"Teƒe siwo le toawo dzi, togbɛ ɣedzeƒetɔwo dzi, Yɔdan ƒe balime kple eƒe togbɛwo dzi, ɣedzeƒetowo kɔgo kple Negebnyigba la katã le anyigba sia me. Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo nɔ anyigba sia dzi tsã. Israelviwo ɖu du siawo ƒe fiawo dzi:" data/train/JOS/JOS_008_Verse_029.mp3,"Yosua kple aʋawɔla siwo nɔ eŋu la yi ɖe dua ƒe agbo gãtɔ gbɔ, woƒu asaɖa anyi ɖe anyiehe lɔƒo, eye balime aɖe nɔ asaɖa la kple Ai du la dome." data/train/JOS/JOS_021_Verse_001.mp3,Aiyalon kple Gat Rimon kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo tso Dan ƒe viwo ƒe anyigba dzi. data/train/JOS/JOS_004_Verse_007.mp3,"eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yɔdan tɔsisi la titina, afi si nubablaɖaka la le; mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta tso afi ma. Kpeawo ƒe xexlẽme nanɔ wuieve, ɖeka ɖe to wuieveawo dometɔ ɖe sia ɖe nu." data/train/JOS/JOS_024_Verse_024.mp3,"Woɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi le Timnat Sera, le Efraim ƒe tonyigba la dzi, le Gaas toawo ƒe anyiehe lɔƒo." data/train/JOS/JOS_004_Verse_022.mp3,"Yosua wɔ ɖe Yehowa ƒe nya sia dzi," data/train/JOS/JOS_018_Verse_020.mp3,"Mitia ame etɔ̃ tso to ɖe sia ɖe me, eye madɔ wo ɖa be woayi aɖatsa ŋku le afi siwo dzi míeɖu haɖe o la dzi, ale be woana manya woƒe lolome kple anyigba la ƒe lolome si to ɖe sia ɖe adi be yeaxɔ, ekema mate ŋu amae na mi." data/train/JOS/JOS_001_Verse_000.mp3,"Abe ale si míeɖo to Mose le nu sia nu me ene la, nenema tututu míaɖo to wò hã. Yehowa, wò Mawu la nanɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple Mose ene." data/train/JOS/JOS_003_Verse_002.mp3,"dzigbetsi la dzudzɔ sisi, eye wòzu gli le adzɔge na wo le du aɖe si woyɔna be Adam la gbɔ le Zaretan lɔƒo. Ke tsi si nɔ sisim yina ɖe anyigbeme la si yi ɖe Araba alo Dzeƒu la me. Ale tsi la ƒe sisi tɔ keŋkeŋ, eye ameawo tso tɔsisi la ɖi go ɖe Yeriko kasa." data/train/JOS/JOS_019_Verse_033.mp3,Me Yakɔn kple Rakɔn kple anyigba si te ɖe Yopa ŋu. data/train/JOS/JOS_022_Verse_022.mp3,"Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã ɖo eŋu na Israelviwo ƒe tatɔwo be," data/train/JOS/JOS_015_Verse_045.mp3,"Otniel, Kenaz ƒe vi, ame si nye Kaleb ƒe tɔɖiyɔvi la, ɖu dua dzi, ale Kaleb tsɔ via nyɔnu Aksa na Otniel wozu srɔ̃a." data/train/JOS/JOS_011_Verse_017.mp3,"Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ aʋakɔ gã sia o, elabena etsɔ hafi ɣelawoɣi naɖo la, wo katã woazu nu kukuwo le Israel ŋgɔ! Gbã la, tu woƒe sɔwo ƒe atawo, eye nàtɔ dzo woƒe tasiaɖamwo!”" data/train/JOS/JOS_001_Verse_011.mp3,"Miaƒe anyigba la akeke tso gbegbe la va ɖo Lebanon, tso Frat tɔsisi gã la to ava to Hititɔwo ƒe anyigba la katã dzi va se ɖe Domeƒu la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo." data/train/JOS/JOS_010_Verse_041.mp3,"Yosua ɖe gbe na aʋakɔ la be, “Minɔ futɔwo nyanya dzi, eye miawu wo tso megbe; migana woade woƒe duwo me o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akpe ɖe mia ŋu miatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.”" data/train/JOS/JOS_014_Verse_014.mp3,"Yosua yra Kaleb, Yefune vi, eye wòtsɔ Hebron du la nɛ abe eƒe domenyinu ene." data/train/JOS/JOS_018_Verse_018.mp3,"Liƒo la tso afi ma ɖo ta dziehe yi Luz, afi si wogayɔna be Betel, heyi Atarot Ada, le Bet Horon ƒe tonyigba dzi le dziehe." data/train/JOS/JOS_016_Verse_002.mp3,eye wòtso afi ma yi Domeƒu la ŋu. Mixmetat nɔ eƒe anyiehe lɔƒo. Liƒo la bi ɖo ta ɣedzeƒe; edze le Taanat Silo ŋu le Yanoa ƒe ɣedzeƒe data/train/JOS/JOS_011_Verse_006.mp3,"Esi wotrɔ gbɔna la, Yosua xɔ Hazor du, si nye fiadu na dukɔ ƒoƒu mawo katã, eye wòwu eƒe fia." data/train/JOS/JOS_005_Verse_013.mp3,"Yosua wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo la dzi, eye wòtso aʋa na Israel ŋutsuwo katã le Aralɔt togbɛ la gbɔ." data/train/JOS/JOS_013_Verse_030.mp3,Yazer kple Gilead ƒe duwo katã kple Amonyigba ƒe afã heyi Aroer le Raba gbɔ nɔ Gad ƒe viwo ƒe anyigba la me. data/train/JOS/JOS_007_Verse_004.mp3,"Ekema woatɔ dzo ame si da le sea dzi la ƒe nuwo kple nu sia nu si nye etɔ la, elabena eda le Yehowa ƒe nubabla la dzi, eye wòhe dzɔgbevɔ̃e va Israel dukɔ la dzi.’ ”" data/train/JOS/JOS_008_Verse_012.mp3,"egblɔ na wo do ŋgɔ be, “Mide xa ɖe dua ƒe akpa kemɛ, migade megbe tso dua ŋu fũu o, eye minɔ ŋudzɔ na wo dzi dzedze.”" data/train/JOS/JOS_018_Verse_008.mp3,"Du blaeve-vɔ-ade siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye: Yeriko, Bet Hogla, Emek Keziz," data/train/JOS/JOS_004_Verse_012.mp3,"Migblɔ ale si Yehowa, míaƒe Mawu la na tɔsisi la mie le mía ŋkume, eye wòna wònɔ miemie nenema va se ɖe esime mí katã míetso tɔsisi la! Nenema tututue Yehowa wɔ na mi esi mieva ɖo Ƒu Dzĩ la to ƒe blaene nye esi va yi!" data/train/JOS/JOS_016_Verse_005.mp3,"le Arkitɔwo ƒe anyigba dzi, ɖo ta ɣetoɖoƒe, yi Yafletitɔwo ƒe liƒo dzi, yi keke Bet Horon le gbadzaƒe, to Gezer heyi ɖatɔ Domeƒu la." data/train/JOS/JOS_018_Verse_003.mp3,"Anyigba la ƒe anyigbemeliƒo tso Kiriat Yearim du la to, yi Efrɔn to la dzi, yi Naftoa vudo la gbɔ," data/train/JOS/JOS_016_Verse_007.mp3,"Womenya Kanaantɔ siwo nɔ Gezer la ɖa le anyigba la dzi o, ale wogale Efraim ƒe viwo dome abe kluviwo ene." data/train/JOS/JOS_021_Verse_041.mp3,Woxɔ du etɔ̃ le Naftali ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Kedes le Galilea si nye Sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple Hamot Dor kple Kartan kple wo ŋu lãnyiƒewo siwo le du etɔ̃. data/train/JOS/JOS_008_Verse_014.mp3,"Ekema miado tso afi si miede xa ɖo, age ɖe dua me, elabena Yehowa miaƒe Mawu atsɔe na mí." data/train/JOS/JOS_021_Verse_030.mp3,"Wona du ene siawo wo, le Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Gibeon, Geba," data/train/JOS/JOS_015_Verse_011.mp3,"Egatso to la tame heyi Nef to la ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi du siwo le Efrɔn to dzi la gbɔ hafi trɔ ɖo ta dzigbeme, ƒo xlã Baala (si wogayɔna be Kiriat Yearim)" data/train/JOS/JOS_005_Verse_005.mp3,"Esime wonɔ asaɖa me le Gilgal le Yeriko gbedzi la, woɖu Ŋutitotoŋkekenyui le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ." data/train/JOS/JOS_008_Verse_016.mp3,"Esi xadelawo kpɔ Yosua ƒe dzesia ko la, wolũ ɖe dua dzi, ge ɖe eme eye wotɔ dzoe." data/train/JOS/JOS_023_Verse_007.mp3,"Mema dukɔ siwo gali kokoko kple esiwo dzi meɖu la ƒe anyigbawo na mi abe miaƒe domenyinu ene, tso Yɔdan tɔsisi la ŋu le ɣedzeƒe heyi Domeƒu la ŋu le ɣetoɖoƒe." data/train/JOS/JOS_012_Verse_005.mp3,"Eɖu anyigba si tso Hermon to la gbɔ le dzigbeme yi Saleka le Basan to la gbɔ le ɣedzeƒe va yi ɖatɔ Gesur kple Maka fiaɖuƒewo ƒe liƒowo dzi le ɣetoɖoƒe lɔƒo la dzi. Ɔg ƒe fiaɖuƒe yi anyigbeme lɔƒo kple Gileadnyigba ƒe afã le dzigbeme gome, ɖatɔ Fia Sixɔn, fia si nɔ Hesbon la ƒe anyigba." data/train/JOS/JOS_015_Verse_030.mp3,Kaleb gblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnu Aksa na ŋutsu si awɔ aʋa aɖu Kiriat Sefer dua dzi. data/train/JOS/JOS_002_Verse_009.mp3,"Ke Rahab ɣla amedzroawo, eye wògblɔ be, “Ameawo nya va afi sia do ŋgɔ na mi, gake nyemenya ne ŋkutsalawo wonye o." data/train/JOS/JOS_015_Verse_010.mp3,Dzieheliƒo sia tso Dzeƒu alo Ƒukuku la to le anyigbeme data/train/JOS/JOS_009_Verse_024.mp3,"Yosua meɖe mɔ na Israelviwo be woawu Gibeontɔwo o," data/train/JOS/JOS_017_Verse_007.mp3,"Nyɔnu siawo va nunɔla Eleazar kple Nun ƒe vi Yosua kpakple Israel ƒe kplɔlawo gbɔ, eye woɖo ŋku edzi na wo be, “Yehowa gblɔ na Mose be míaxɔ domenyinu abe ŋutsu siwo le míaƒe to la me ene tututu,” eya ta abe ale si Yehowa ɖoe da ɖi ene la, wona anyigba wo abe ŋutsuawo ene." data/train/JOS/JOS_015_Verse_004.mp3,"Axsa ɖo eŋu be, “Na nu bubu aɖem, elabena anyigba si nènam la nye gbegbe sɔŋ! Na teƒe si tsi le lam.” Ale Kaleb tsɔ tsivudo si le to dzi kple balime la nɛ." data/train/JOS/JOS_006_Verse_004.mp3,"Ale Yosua na Rahab, gbolo la kple eƒe ƒometɔ siwo nɔ egbɔ le eƒe aƒe me la tsi agbe, eye wotsi Israelviwo dome va se ɖe egbe, elabena Rahab ɣla ŋkutsala eve siwo Yosua ɖo ɖe Yeriko." data/train/JOS/JOS_007_Verse_007.mp3,"“ ‘Eya ta le ŋdi la, miava le ɖoɖo nu, to sia to nava, eye Yehowa afia asi to si me fɔɖila sia tso. To ma ƒe hlɔ̃wo ava ɖekaɖeka ekema Yehowa aɖe hlɔ̃ si me fɔɖila la le la afia, eye hlɔ̃ ma hã ƒe ƒomewo ava ɖekaɖeka. Le esia megbe la, ƒome si me fɔɖila la le la me tɔwo ava ɖekaɖeka." data/train/JOS/JOS_005_Verse_014.mp3,"Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe Aʋafiae menye.” Yosua tsyɔ mo anyi, de ta agu nɛ kple vɔvɔ̃, eye wògblɔ nɛ be, “Wò dɔlae menye; nu ka nèdi be mawɔ?”" data/train/JOS/JOS_008_Verse_007.mp3,"Ale wowu ame akpe wuieve (12,000) siwo nye Aitɔwo katã la gbe ma gbe." data/train/JOS/JOS_011_Verse_016.mp3,Woƒu asaɖa anyi ɖe Merɔn tsi dzidzi la gbɔ. data/train/JOS/JOS_004_Verse_013.mp3,"Mitsɔ wo tu ŋkuɖodzikpe ale be ne mia viwo abia mi gbe aɖe gbe be, ‘Nu kae ŋkuɖodzikpe sia le fiafiam mahã?’ la," data/train/JOS/JOS_005_Verse_010.mp3,"Yehowa gblɔ na Yosua be, “Egbe la, miaƒe kluvinyenye le Egipte ƒe ŋukpe la ɖe ɖa,” eya ta woyɔa teƒe ma va se ɖe egbe be Gilgal, si gɔmee nye, “Ɖeɖeɖa.”" data/train/JOS/JOS_018_Verse_017.mp3,"Liƒo la trɔ tso afi ma ɖo ta dziehe, eto to si le Bet Horon kasa le dziehe hewu nu ɖe Kiriat Baal, du si wogayɔna be Kiriat Yearim, si nye Yuda ƒe viwo ƒe duwo dometɔ ɖeka la gbɔ. Esiae nye Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe ɣetoɖoƒeliƒo." data/train/JOS/JOS_021_Verse_022.mp3,"Lãnyiƒewo ƒo xlã du siawo dometɔ ɖe sia ɖe, aleae wònɔ na du ɖe sia ɖe." data/train/JOS/JOS_011_Verse_010.mp3,"Israelviwo mewɔ ŋutifafa kple du aɖeke me tɔwo o, negbe Hivitɔ siwo nɔ Gibeon ko. Wowu ame bubuawo katã," data/train/JOS/JOS_022_Verse_020.mp3,"Ne woagblɔ alea la, mía viwo ate ŋu aɖe wo ɖokuiwo nu be, ‘Mikpɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui si mía fofowo tu ɖa! Wotui ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ƒe nɔnɔme nu. Wometui na numevɔsa kple vɔsa bubuawo o, ke boŋ wotui be wòanye kadodo anɔ míawo kple miawo dome, eye wòaganye Yehowa ƒe dzesi.’" data/train/JOS/JOS_011_Verse_009.mp3,"Israelviwo ha du siwo wotsrɔ̃ la ƒe nuwo kple lãwo na wo ɖokuiwo, ke wowu amegbetɔwo katã," data/train/JOS/JOS_016_Verse_001.mp3,"Esiae nye Efraim ƒe viwo ƒe anyigba le woƒe ƒome nu. Efraim ƒe viwo ƒe anyigba ƒe liƒo tso Atarot Ada ɖo ta ɣedzeƒe heyi Bet Horon le toawo dzi," data/train/JOS/JOS_021_Verse_024.mp3,"Levitɔ bubu siwo tso Gerson hlɔ̃ la me la xɔ du eve kple woƒe lãnyiƒewo: le Manase ƒe viwo ƒe ɣedzeƒenyigba dzi. Du siawoe nye Golan le Basan, si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple Be Estera." data/train/JOS/JOS_010_Verse_019.mp3,"Israelviwo tso Libna, eye woyi ɖadze Lakis du la hã dzi." data/train/JOS/JOS_013_Verse_017.mp3,"le dziehe; Kanaantɔwo ƒe anyigba la katã gali kpe ɖe Ara, si nye Sidontɔwo tɔ heyi keke Afek le Amoritɔwo ƒe liƒo dzi ŋu." data/train/JOS/JOS_005_Verse_008.mp3,"Israel dukɔ la tsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene sɔŋ va se ɖe esime ŋutsu siwo katã tsi, eye woate ŋu ade aʋa esi wodzo le Egipte la ku. Womeɖo to Yehowa o, eya ta Yehowa ka atam be yemana woade anyigba si ŋugbe yedo na Israel, “Anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la dzi o." data/train/JOS/JOS_024_Verse_013.mp3,"Ke mekplɔ Abraham, mia tɔgbui, tso anyigba ma dzi, na wòtso tɔsisi la, eye mekplɔe va Kanaanyigba dzi. Mena eƒe dzidzimeviwo sɔ gbɔ to via Isak dzi." data/train/JOS/JOS_001_Verse_012.mp3,"“Mizɔ to asaɖa la me, eye miagblɔ na ameawo be, ‘Midzra miaƒe nuwo ɖo, elabena le ŋkeke etɔ̃ megbe la, miatso Yɔdan tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam be wòanye mia tɔ.’ ”" data/train/JOS/JOS_011_Verse_002.mp3,Ale Yosua ɖu anyigba blibo la dzi. Exɔ Negeb kple Gosenyigba kple Araba kple Israel ƒe tonyigbawo kple sɔsɔeƒewo. data/train/JOS/JOS_024_Verse_027.mp3,"Yosua gblɔ be, “Enyo, ekema miɖe asi le mawu siwo katã le mia si fifia la ŋu, eye miaɖo to Aƒetɔ, Yehowa, Israel ƒe Mawu la.”" data/train/JOS/JOS_023_Verse_012.mp3,"Ne miewɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi dzi o, eye ne miesubɔ Mawu bubuwo la, ekema ahe to na mi le eƒe dɔmedzoe me, eye eteƒe madidi o la, mia dometɔ aɖeke magasusɔ ɖe anyigba nyui si Yehowa tsɔ na mi la dzi o.”" data/train/JOS/JOS_018_Verse_025.mp3,Womema anyigba na Israel ƒe to adre haɖe o. data/train/JOS/JOS_009_Verse_012.mp3,"Ke azɔ la, míele miaƒe asi me, miwɔ nu si dze mia ŋu la kpli mí.”" data/train/JOS/JOS_002_Verse_008.mp3,"Ke ne ègblɔ nu si wɔm míele la na ame aɖe la, atam si nèna míeka la, mabla mí o.”" data/train/JOS/JOS_006_Verse_015.mp3,"Nu si miawɔe nye, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã Yeriko du la zi ɖeka gbe sia gbe hena ŋkeke ade." data/train/JOS/JOS_003_Verse_014.mp3,"Yosua gblɔ na nunɔlawo le ŋdi me be, “Mikɔ nubablaɖaka la, eye miakplɔ mí atso Yɔdan tɔsisi lae!” Ale wodze mɔ." data/train/JOS/JOS_008_Verse_008.mp3,Ale Yosua dzra ɖo hena aʋahoho ɖe Ai ŋu kple eƒe aʋawɔlawo katã. Etia eƒe asrafo nyuitɔwo akpe blaetɔ̃ ɖo ɖa le zã me; data/train/JOS/JOS_010_Verse_040.mp3,"Yosua ɖe gbe be woaɖe kpe gã la ɖa le agado la nu, eye woakplɔ fia atɔ̃awo vɛ." data/train/JOS/JOS_009_Verse_003.mp3,Dukɔ siawo ƒe aʋakɔwo wɔ ɖeka enumake hena aʋawɔwɔ kple Yosua kple Israelviwo. data/train/JOS/JOS_007_Verse_022.mp3,"Yosua kple Israelviwo katã kplɔ Akan, Zera ƒe vi, wotsɔ klosalo la, awu la kple sikakɔ la, eye wokplɔ via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, eƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo, eye wokɔ eƒe agbadɔ kple nu sia nu si nɔ esi la yi Axor balime." data/train/JOS/JOS_021_Verse_000.mp3,"Ain, Yuta kple Bet Semes kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo. Wonye du asiekɛ tso Yuda ƒe viwo kple Simeon ƒe viwo ƒe anyigbawo me." data/train/JOS/JOS_009_Verse_022.mp3,"Woɖo eŋu be, “Míazu miaƒe kluviwo.” Yosua bia be, “Ame kawoe mienye eye afi ka mietso?”" data/train/JOS/JOS_024_Verse_007.mp3,"Emegbe la, Fia Balak ho aʋa ɖe Israel ŋu, eye wòbia tso Balaam, Beor ƒe vi, si be wòaƒo fi ade mi," data/train/JOS/JOS_024_Verse_025.mp3,"Yehowae nya Amoritɔwo kple dukɔ bubu siwo nɔ anyigba sia dzi. Ɛ̃, míetia Yehowa, elabena eya ɖeka koe nye Mawu.”" data/train/JOS/JOS_017_Verse_012.mp3,"Wotsɔ Bet Sean, Ibleam, Dor, Endor, Taanak Megido afi si to etɔ̃ nɔ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la na Manase ƒe viwo ƒe to afã togbɔ be wonɔ anyigba siwo wona Isaka ƒe viwo kple Aser ƒe viwo dzi hã." data/train/JOS/JOS_019_Verse_005.mp3,"Ale woma anyigba la ɖe toawo dome, eye wode liƒo wo ŋu. Israel dukɔ la tsɔ anyigba la ƒe akpa tɔxɛ aɖe na Nun ƒe vi Yosua," data/train/JOS/JOS_015_Verse_060.mp3,"ɖo ta dziehe tso Akrabim to dzi mɔ la gbɔ heyi Zin. Eɖo ta dziehe to Kades Barnea, to Hezron heyi Adar, trɔ ɖo ta Karka," data/train/JOS/JOS_020_Verse_004.mp3,"Ne ame kuku la ƒe ƒometɔ aɖe va be yeabia hlɔ̃e, awui la, womaɖe asi le amewula la ŋu nɛ o, elabena menye ɖe wòɖoe hafi wu amea o." data/train/JOS/JOS_021_Verse_019.mp3,"Ke wotsɔ agblenyigba siwo le dua kple kɔƒe siwo le eŋu la na Kaleb, Yefune ƒe vi, abe eƒe domenyinu ene xoxo." data/train/JOS/JOS_024_Verse_029.mp3,"Yosua yi edzi be, “Miawo ŋutɔ miese nu si miegblɔ. Mielɔ̃ be yewoasubɔ Yehowaa?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenye ɖasefowo.”" data/train/JOS/JOS_018_Verse_006.mp3,"Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyiehe dze egɔme tso Yɔdan tɔsisi la to, yi Yeriko ƒe anyiehe, to tonyigba la kple Bet Aven gbegbe la dzi." data/train/JOS/JOS_012_Verse_010.mp3,kple Tirza fia ɖeka. Ale wotsrɔ̃ fia blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ kple woƒe duwo. data/train/JOS/JOS_021_Verse_010.mp3,Dimna kple Nahalal kple woƒe lãnyiƒewo siwo nye du ene. data/train/JOS/JOS_001_Verse_005.mp3,"“Lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ kalẽ, elabena wòe akplɔ nye amewo woaxɔ anyigba si ŋuti meka atam ɖo na mia fofowo be matsɔ na wo abe domenyinu ene." data/train/JOS/JOS_008_Verse_019.mp3,"Eɣla ame abe akpe atɔ̃ ene ɖe dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, le Betel kple Ai dome." data/train/JOS/JOS_008_Verse_017.mp3,"Esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua yɔ aʋawɔlawo, eye woawo kple Israel ƒe ametsitsiwo ɖo ta Ai." data/train/JOS/JOS_002_Verse_004.mp3,"elabena míese ale si Yehowa ɖe mɔ to Ƒu Dzĩ la me na mi esi miedzo le Egipte! Míenya nu si miewɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fia eve siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple ale si miegblẽ woƒe anyigba, eye mietsrɔ̃ dukɔ blibo la gbidigbidi." data/train/JOS/JOS_022_Verse_002.mp3,"Azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la na dziɖuɖu kple dzudzɔ mí abe ale si wòdo ŋugbe ene, eya ta miyi miaƒe anyigba si Mose, Yehowa ƒe dɔla na mi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ la dzi azɔ." data/train/JOS/JOS_020_Verse_006.mp3,"Sitsoƒedu siawo li na amedzro siwo le Israelviwo dome kple Israelviwo ŋutɔ siaa, ale be ame si meɖoe hafi wu nɔvia o la ate ŋu asi ayi teƒe ma, woadrɔ̃ ʋɔnui, eye womabia hlɔ̃e, awui o." data/train/JOS/JOS_017_Verse_016.mp3,"Yosua gblɔ na wo be, “Ne Efraim ƒe tonyigba melolo na mi o la, ekema miƒo avenyigba si dzi Perizitɔwo kple Refaimtɔwo le.”" data/train/JOS/JOS_007_Verse_024.mp3,"Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woaɖadi nu fifiawo. Woƒu du yi Axan ƒe agbadɔ me, eye wokpɔ nu fifiawo le to me, klosalo la nɔ nu bubuawo te abe ale si Axan gblɔ ene." data/train/JOS/JOS_024_Verse_016.mp3,"Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, Nun vi Yosua ku. Exɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo." data/train/JOS/JOS_006_Verse_014.mp3,"Ne nunɔlaawo ku kpẽawo zi ɖeka sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe la, ameawo katã nado ɣli sesĩe. Dua ƒe gliwo amu adze anyi ekema miato teƒe sia teƒe age ɖe dua me.”" data/train/JOS/JOS_010_Verse_024.mp3,"Tete Yosua tsɔ eƒe yi wu fia atɔ̃awo, eye wòde ka wo ɖe ati atɔ̃ ŋu va se ɖe fiẽ." data/train/JOS/JOS_011_Verse_014.mp3,"Wo dometɔ aɖeke megasusɔ ɖe Israelnyigba dzi o, ke ɖewo ganɔ Gaza, Gat kple Asdod." data/train/JOS/JOS_019_Verse_016.mp3,Du wuieve siawo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la nɔ Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba me. data/train/JOS/JOS_001_Verse_007.mp3,"Le wò agbemeŋkekewo katã me la, ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe nuwò o, elabena manɔ kpli wò abe ale si menɔ kple Mose ene. Nyemagblẽ wò ɖi alo aɖe asi le ŋuwò o." data/train/JOS/JOS_006_Verse_027.mp3,"Ɣe ma ɣi la, Yosua ka atam vevi sia be, “Ame si agbugbɔ Yeriko du sia atso la, fiƒode sia ava edzi le Yehowa ŋkume. Atsɔ Via ŋutsu ŋgɔgbetɔ aɖo eƒe gɔmeɖokpewoe, eye wòatsɔ via ɖevitɔ ƒe agbe atsɔ ade agbowo du la nu.”" data/train/JOS/JOS_021_Verse_003.mp3,Ale nu nyui siwo katã ŋugbe Yehowa do na wo la va eme nenema tututu. data/train/JOS/JOS_019_Verse_031.mp3,"Liƒo la va ke ɖe Tabɔr, Sahazuma kple Bet Semes heva wu nu ɖe Yɔdan nu. Wonye du wuiade kple du sue siwo ƒo xlã wo." data/train/JOS/JOS_013_Verse_025.mp3,"Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si ƒe fiadu nye Hesbon la ƒe duwo hã nɔ anyigba la me, eye wòtso eme yi keke Amon ƒe liƒowo dzi." data/train/JOS/JOS_021_Verse_006.mp3,"Ale Yehowa tsɔ anyigba si ŋugbe wòdo na wo tɔgbuiwo la katã na Israelviwo. Woyi ɖaɖu ameawo dzi, eye wonɔ afi ma." data/train/JOS/JOS_015_Verse_048.mp3,"Wogatsɔ du blaene-vɔ-ene siawo kple wo ŋu kɔƒewo le tonyigba la dzi hã na Yuda ƒe viwo: Samir, Yatir, Soko," data/train/JOS/JOS_021_Verse_011.mp3,"Du siwo katã nɔ Levitɔwo si le Israelnyigba dzi la, le blaene-vɔ-enyi kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu." data/train/NEH/NEH_007_Verse_039.mp3,Harim ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve (320). data/train/NEH/NEH_009_Verse_013.mp3,"Esi wòwɔ nuteƒe na wò la, èbla nu kplii tegbee be yeatsɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba anae kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. Èwɔ wò ŋugbedodo dzi, elabena ènye nuteƒewɔla." data/train/NEH/NEH_012_Verse_005.mp3,Bakbukia kple Uni dzi; woƒe kpeɖeŋutɔwo kpena ɖe wo ŋu le akpedahawo dzidzi me. data/train/NEH/NEH_003_Verse_017.mp3,"Le Sɔgbo la tame, nunɔlawo ɖɔ gli si le wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe aƒe ŋgɔ la ɖo." data/train/NEH/NEH_006_Verse_017.mp3,"Wo katã wole agbagba dzem be woado ŋɔdzi na mí hesusu be, “Woƒe alɔwo ado agblɔ le dɔ la ŋu, eye womate ŋu awu enu o.” Ke medo gbe ɖa be, “Do ŋusẽ nye alɔwo azɔ.”" data/train/NEH/NEH_009_Verse_002.mp3,"Anyigba sia dzi nuku nyuiwo va yi fia siwo nèna woɖu mía dzi le míaƒe nu vɔ̃wo ta la ƒe asime. Wokpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ŋutilã kple míaƒe lãwo dzi. Míesubɔa wo abe ale si wodi ene, eye míezu nublanuitɔ gãwo.”" data/train/NEH/NEH_011_Verse_034.mp3,"Yuda ƒe vi siwo nɔ kɔƒewo me le agblewo me la nɔ Kiriat Arba, Dibon kple Yekabzeel kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la." data/train/NEH/NEH_013_Verse_021.mp3,"Meka mo na Yuda ƒe kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miele kɔ gblẽm ɖo na Dzudzɔgbe la?" data/train/NEH/NEH_013_Verse_028.mp3,"O! Nye Mawu, ɖo ŋku wo dzi, elabena wogblẽ kɔ ɖo na nunɔlawo ƒe dɔ kple nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe nubabla." data/train/NEH/NEH_010_Verse_030.mp3,"“Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míaɖe mɔ na mía vinyɔnuwo woaɖe amedzrowo o, eye nenema ke míaɖe mɔ mía viŋutsuwo hã naɖe wo vinyɔnuwo o." data/train/NEH/NEH_009_Verse_007.mp3,"“Èkpe ɖe wo ŋu woɖu fiaɖuƒe gãwo kple dukɔ geɖewo dzi, eye nèda wò amewo ɖe anyigba la ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Woxɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ƒe anyigbawo." data/train/NEH/NEH_012_Verse_002.mp3,"Ale fifia, le Zerubabel kple Nehemia ŋɔli la, Israel blibo la naa gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu hadzihamenɔlawo, agbonudzɔlawo kple Levitɔwo. Levitɔwo hã tsɔa nu si woxɔna la ƒe akpa aɖe na Aron, nunɔla la ƒe dzidzimeviwo." data/train/NEH/NEH_004_Verse_003.mp3,"Ame siwo nɔ Yuda gblɔ be, “Ŋusẽ le vɔvɔm le dɔwɔlawo ŋu, eye gli gbagbã si woli kɔe la sɔ gbɔ ale gbegbe be míate ŋu agbugbɔ gli la aɖo o.”" data/train/NEH/NEH_009_Verse_018.mp3,"“Èɖiɖi va Sinai to la dzi, èƒo nu kpli wo tso dziƒo, eye nèna Se kple ɖoɖo nyui siwo le eteƒe la wo." data/train/NEH/NEH_002_Verse_009.mp3,"Ke esi Sanbalat Horonitɔ kple Tobia Amonitɔ kple Gesem Arabiatɔ la, se nye ɖoɖoawo la, woɖu fewu le mía ŋu hegblɔ be, “Nu kae nye esi wɔm miele hele aglã dzem ɖe fia la ŋu ale?”" data/train/NEH/NEH_003_Verse_000.mp3,"Ame siwo gbugbɔ Balimegbo la ɖɔɖola woe nye Hanun kple Zanoatɔwo. Wode agbomedegawo kple ʋɔmedegawo eŋu. Azɔ la, wogbugbɔ gli la ƒe akpa si ƒe didime anɔ abe mita alafa ene blaatɔ̃ ene la tu va se ɖe Aɖukpogbo la nu." data/train/NEH/NEH_001_Verse_009.mp3,"“Wò dɔlawoe míenye, dukɔ si nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ sesẽ la ɖee lae míenye." data/train/NEH/NEH_007_Verse_071.mp3,"Yudatɔ siwo Nebukadnezar, Babilonia fia, ɖe aboyoe, eye wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi la" data/train/NEH/NEH_007_Verse_004.mp3,"Ame bubuawo na sika kilogram alafa ɖeka kple blade-vɔ-enyi (168), klosalo kilogram alafa ɖeka kple blaene (140) kple osɔfowo ƒe awudodo blaade-vɔ-adre." data/train/NEH/NEH_007_Verse_006.mp3,"Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade (42,360)." data/train/NEH/NEH_011_Verse_035.mp3,"Zanoa, Adulam kple woƒe kɔƒewo, Lakis kple eƒe agblewo kpakple Azeka kple eƒe duwo. Ale ameawo ƒe nɔƒe tso Beerseba va yi Hinom balime la to." data/train/NEH/NEH_013_Verse_010.mp3,"eye wo viwo dometɔ geɖewo gblɔa Asdod gbe alo dzrogbe bubuwo, eye wometea ŋu gblɔa Yuda gbe kura o." data/train/NEH/NEH_004_Verse_008.mp3,Ke ame siwo nɔ gli la ɖom ya ta yi ɖe ali hafi nɔ dɔ la wɔm. Ke kpẽkula ya nɔ nye axadzi. data/train/NEH/NEH_008_Verse_003.mp3,"Ale Gɔvina Nehemia, nunɔla kple agbalẽfiala Ezra kple Levitɔ siwo nɔ nu fiam ameawo la, gblɔ na wo katã be, “Egbee nye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la, eya ta migaxa nu alo afa avi o,” elabena ameawo katã wonɔ avi fam esi wonɔ Se la me nyawo sem." data/train/NEH/NEH_012_Verse_014.mp3,"Hosaya kple Yuda ƒe kplɔlawo ƒe afã adze wo yome," data/train/NEH/NEH_012_Verse_044.mp3,"Zekaria nye Ido ƒomea ƒe tatɔ, Mesulam nye Gineton ƒomea ƒe tatɔ," data/train/NEH/NEH_009_Verse_030.mp3,"Míaƒe fiawo, dumegãwo, nunɔlawo kple mía tɔgbuiwo mewɔ wò sewo dzi o, eye womeɖo to wò nuxlɔ̃amenyawo o." data/train/NEH/NEH_007_Verse_067.mp3,"Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre (7,337) kple hadzila alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu." data/train/NEH/NEH_013_Verse_009.mp3,"eye megbugbɔ va Yerusalem. Esi mese nu vɔ̃ɖi si Eliasib wɔ, be wòwɔ amedzrodzeƒe ɖe gbedoxɔ me na Tobia la," data/train/NEH/NEH_007_Verse_054.mp3,Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale: (Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃ (973). data/train/NEH/NEH_008_Verse_006.mp3,"Azɔ la, Ezra kafu Yehowa, Mawu gã la, eye ameawo katã gblɔ be, “Amen! Neva eme!” Wodo woƒe asiwo ɖe dziƒo, wobɔbɔ de ta agu, wotsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Yehowa." data/train/NEH/NEH_005_Verse_002.mp3,"Bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Míetsɔ míaƒe agblewo, waingblewo kple míaƒe aƒewo ɖo awɔbae be míaxɔ bli le dɔŋɔli sia.”" data/train/NEH/NEH_001_Verse_011.mp3,"Woɖo eŋu be, “Nuwo menyo kura o, ame siwo gbɔ tso aboyome la, le xaxa kple ŋukpe gã aɖe me; womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi eye wotɔ dzo agboawo.”" data/train/NEH/NEH_012_Verse_046.mp3,Ɖoɖo be hafialawo nakplɔ hadzilawo le kafukafuhawo kple akpedahawo dzidzi na Mawu me la li xoxo tso David kple Asaf ŋɔli. data/train/NEH/NEH_007_Verse_034.mp3,Gibeon ƒe viwo le ame blaasieke-vɔ-atɔ̃ (95). data/train/NEH/NEH_011_Verse_002.mp3,Ame siawo nye Perez ƒe dzidzimevi dzɔatsu alafa ene kple blaade-vɔ-enyi (468) siwo nɔ Yerusalem. data/train/NEH/NEH_013_Verse_000.mp3,"Ale mede se be tso gbe ma gbe dzi la, ne ɣe ɖo to le Fiɖagbe ko la, woatu agboawo katã, eye womagaʋu wo o va se ɖe esime Dzudzɔgbe la nava yi. Meɖo nye subɔla aɖewo ɖa be woadzɔ agboawo ŋu, ale be ame aɖeke magatsɔ adzɔnu aɖeke ava Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi o." data/train/NEH/NEH_008_Verse_014.mp3,"wo katã wova ƒo ƒu ɖe ablɔ si dze ŋgɔ Tsigbo la me. Wogblɔ na agbalẽfiala Ezra be wòatsɔ Mose ƒe Segbalẽ, si Yehowa tsɔ na Israelviwo la vɛ." data/train/NEH/NEH_013_Verse_002.mp3,"Ale mekɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ŋu tso dzronuwo me, eye mena dɔ wo, ame sia ame kple etɔ." data/train/NEH/NEH_008_Verse_002.mp3,"Ale ameawo yi ɖatso atilɔawo hetu agbadɔwo ɖe gbadzaƒewo le xɔwo tame, ɖe xɔxɔnuwo, gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, ɖe gbadzaƒe si le Tsigbo la ŋgɔ kple ɖe gbadzaƒe si le Efraimgbo la ŋgɔ." data/train/NEH/NEH_007_Verse_055.mp3,"Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me. Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo yi woƒe duwo me vɔ la," data/train/NEH/NEH_013_Verse_013.mp3,"Ke azɔ la, ɖe míase be miawo hã miele nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi wɔm, eye miele nuteƒe wɔm na Mawu o to dzronyɔnuwo ɖeɖe mea?”" data/train/NEH/NEH_011_Verse_000.mp3,"Agbonudzɔlawo: Akub, Talmon kple woƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo dzɔa agboawo nu le ŋutsu alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve (172)." data/train/NEH/NEH_007_Verse_072.mp3,Zakai ƒe viwo le ame alafa adre kple blaade (760). data/train/NEH/NEH_011_Verse_030.mp3,"si ƒe kpeɖeŋutɔwo nye ŋutsu kako alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128). Woƒe amegãe nye Zabdiel, Hagedolim ƒe vi." data/train/NEH/NEH_003_Verse_001.mp3,"Ame siwo kplɔ eya hã ɖo lae nye Malkiya, Harim ƒe vi kple Hasub, Pahat Moab ƒe vi, ame si dzra Dzokpomɔ la ɖo kpe ɖe gli la ɖoɖo ŋu." data/train/NEH/NEH_012_Verse_034.mp3,"Salu, Amok, Hilkia kple Yedaia. Ame siawoe nye nunɔlawo ƒe kplɔlawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo le Yesua ƒe ɣeyiɣiwo me." data/train/NEH/NEH_006_Verse_013.mp3,Míewu gli la ɖoɖo nu le ɣleti Elul ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia gbe le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve ƒe dɔwɔwɔ megbe. data/train/NEH/NEH_007_Verse_057.mp3,"Paros ƒe viwo le ame akpe eve alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve (2,172)." data/train/NEH/NEH_011_Verse_017.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, Israel dukɔa kplɔlawo nɔ Yerusalem, Du Kɔkɔe la me. Ke azɔ la, woda akɔ be woatia ame siwo le du bubuawo me le Yuda kple Benyamin la ƒe ewolia be woawo hã nava nɔ Yerusalem." data/train/NEH/NEH_009_Verse_032.mp3,"Togbɔ be èwɔ nukunu geɖewo na wo, eye nèkɔ wò amenuveve ɖe wo dzi fũu hã la, womesubɔ wò o. Èna anyigba gã aɖe si nyoa nu la wo, gake wogbe asiɖeɖe le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu." data/train/NEH/NEH_012_Verse_026.mp3,"Mekplɔ Yudatɔwo ƒe kplɔlawo yi gli la tame, eye mena hã be hadziha gã eve nadzi akpedaha. Hadziha ɖeka azɔ gli la tame ato ɖusime aɖo ta Akɔligbo la gbɔ." data/train/NEH/NEH_002_Verse_006.mp3,"Fia la biam be, “Ekema nu ka woawɔ na wò?” Medo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la," data/train/NEH/NEH_004_Verse_006.mp3,"eya ta ne mienya se kpẽa ƒe ɖiɖi ko la, miƒu du va mía gbɔ afii. Míaƒe Mawu la awɔ aʋa na mí!”" data/train/NEH/NEH_002_Verse_010.mp3,"Ke meɖo eŋu be, “Dziƒo ƒe Mawu la ana dzidzedze mí eƒe dɔlawo míagbugbɔ gli sia aɖo, ke miawo la, miaƒe asi manɔ dɔ sia me loo alo miakpɔ gome le Yerusalem alo axɔ ŋkɔ le ewɔwɔ me alo eƒe ɖe nanye mia tɔ o.”" data/train/NEH/NEH_008_Verse_010.mp3,"Gbe sia gbe, tso ŋkeke gbãtɔ dzi va se ɖe ŋkeke mamlɛtɔ dzi la, Ezra xlẽ Mawu ƒe Segbalẽ la na wo. Woɖu azã la ŋkeke adre, eye abe ale si wòle Sea nue ene la, woyɔ takpekpe le ŋkeke enyia gbe." data/train/NEH/NEH_003_Verse_002.mp3,"Ame siwo kplɔe ɖo la woe nye eƒe hlɔ̃metɔwo. Wowɔ dɔ le Bawai, Henadad ƒe vi, ame si nye Keila nuto la ƒe afã evelia dziɖula la ƒe dzikpɔkpɔ te." data/train/NEH/NEH_013_Verse_026.mp3,"Nyemenɔ Yerusalem ɣe ma ɣi o. Megbugbɔ yi Babilonia le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me. Emegbe la, mebia mɔfiala," data/train/NEH/NEH_010_Verse_028.mp3,"“Míelɔ̃ ɖe edzi be ne trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi anɔ adzɔnu kple agblemenuku alo nu bubu aɖe dzram le Dzudzɔgbe alo ŋkeke kɔkɔe bubu aɖe dzi la, míagbe eƒeƒle. Míelɔ̃ ɖe edzi be míawɔ dɔ aɖeke le ƒe adrelia ɖe sia ɖe me o. Hekpe ɖe esia ŋu la, míate fli ɖe mía nɔvi Yudatɔwo ƒe fe siwo wonyi le mía si la me." data/train/NEH/NEH_003_Verse_004.mp3,"Ame siwo wɔ dɔ ɖe wo yome la woe nye Melatia tso Gibeon, Yadon tso Meronot kple ŋutsu siwo tso Gibeon kple Mizpa; teƒe siawo katã le mɔmefia si le Frat Tɔsisi la godo la te." data/train/NEH/NEH_007_Verse_022.mp3,"Bigvai ƒe viwo le ame akpe eve kple blaade-vɔ-adre (2,067)." data/train/NEH/NEH_003_Verse_011.mp3,"eye Palal, Uzai ƒe vi, ɖoe tso dzogoe la dzi yi ɖatɔ fia la ƒe mɔ ƒe xɔ kɔkɔtɔ gbɔ le gaxɔ la ƒe gɔmeɖokpe gbɔ, eye Pedaya, Paros ƒe vi kplɔe ɖo." data/train/NEH/NEH_008_Verse_015.mp3,"Wode dzesii le Seawo sɔsrɔ̃ me be, Yehowa de se to Mose dzi be, ele na Israelviwo be, woanɔ agbadɔwo me le Agbadɔmeŋkekenyuiwo me." data/train/NEH/NEH_010_Verse_003.mp3,"Ame siawo katã wɔ ɖeka kple Israelvi bubumewo, eye woɖe adzɔgbe be Mawu ƒe fiƒode nava wo dzi ne womewɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na wo to Mose, Mawu ƒe dɔla la dzi o, eye woɖe adzɔgbe be woalé Yehowa, woƒe Aƒetɔ la ƒe Sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi." data/train/NEH/NEH_006_Verse_012.mp3,"Mekpɔe dze sii be, Mawu medɔe o, ke boŋ egblɔ nya ɖi nam, elabena Tobia kple Sanbalat wodɔe be wòagblɔ nya sia ɖi." data/train/NEH/NEH_009_Verse_006.mp3,"Èhea to na wo ale be nàtrɔ wo ɖe wò seawo ŋu. Ke, togbɔ be wò seawo dzi wɔwɔe naa agbe ame hã la, wò amewo nye dadalawo, eye womeɖo to o, ke boŋ woyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi." data/train/NEH/NEH_011_Verse_019.mp3,"Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la ƒe amegãe nye Uzi, Bani ƒe vi, Hasabia ƒe vi, Matania ƒe vi, Mika ƒe vi. Uzi nye Asaf ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka. Dzidzimevi siawoe nye hadzilawo na subɔsubɔ le gbedoxɔ me." data/train/NEH/NEH_002_Verse_002.mp3,"Emegbe la, míeyi ŋgɔ heva Vudogbo la kple fia ƒe ta la gbɔ, gake teƒea mekeke na lã si dom menɔ la be wòato ayi ŋgɔ o," data/train/NEH/NEH_007_Verse_016.mp3,Bebai ƒe viwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-enyi (628). data/train/NEH/NEH_011_Verse_029.mp3,"Seraya, Hilkia ƒe vi. Hilkia fofoe nye Mesulam, ame si fofoe nye Merayot, ame si fofoe nye Ahitub, nunɔlagã." data/train/NEH/NEH_010_Verse_010.mp3,"elabena míehiã nu tɔxɛwo na Ŋkumeɖobolo, nuɖuvɔsawo kple numevɔsawo na Dzudzɔgbewo, Ɣleti yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple Ŋkekenyui siwo míeɖuna ƒe sia ƒe, na vɔsa kɔkɔewo, na avuléle ɖe Israel nu kple dɔwɔwɔ le gbedoxɔ la me." data/train/NEH/NEH_012_Verse_023.mp3,"Le ɣe ma ɣi me la, Levitɔwo ƒe tatɔwoe nye: Hasabia, Serebia kple Yesua, Kadmiel ƒe vi. Woƒe kpeɖeŋutɔwo tsia tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye wokpena ɖe wo ŋu le kafukafu kple akpedada wɔnawo me abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da ɖi ene." data/train/NEH/NEH_001_Verse_003.mp3,"“Meɖe kuku, ɖo ŋku nya si nègblɔ na wò dɔla, Mose la dzi! Wòe gblɔ be: ‘Ne miewɔ nu vɔ̃ la, makaka mi ɖe dukɔwo dome," data/train/NEH/NEH_007_Verse_019.mp3,Betel kple Aitɔwo le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (123). data/train/NEH/NEH_012_Verse_013.mp3,"heyi Efraimgbo kple Agbo Xoxo la gbɔ. Míeto Tɔmelãgbo la kple Hananel ƒe Xɔ Kɔkɔ la ŋu, eye míeyi Alafa ƒe Xɔ Kɔkɔ la gbɔ, heyi Alẽgbo la gbɔ, eye míetɔ ɖe Gaxɔgbo la gbɔ." data/train/NEH/NEH_004_Verse_017.mp3,"Mlɔeba la, míewu gli la nu ƒo xlã du blibo la wòkɔ abe tsãtɔ ƒe kɔkɔme ƒe afã ene, elabena dɔa wɔlawo wɔ dɔ sesĩe kple moveviɖoɖo." data/train/NEH/NEH_005_Verse_016.mp3,"O! Nye Mawu, ɖo ŋku nu siwo katã mewɔ na ame siawo la dzi, eye nàyram ɖe wo ta." data/train/NEH/NEH_013_Verse_012.mp3,"Hafi nya sia nadzɔ la, Nunɔla Eliasib, ame si kpɔa gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo dzi, eye wònye Tobia xɔlɔ̃ vevi aɖe la," data/train/NEH/NEH_008_Verse_012.mp3,"Mawu gblɔ hã be, woaɖe gbeƒã le woƒe duwo katã me kple Yerusalem hã be, “Miyi toawo dzi, eye miatso amiti, gbemiti, mirteti, deti kple gboti ƒe alɔwo atu agbadɔwo, eye mianɔ wo me abe ale si woŋlɔe ɖi ene.”" data/train/NEH/NEH_003_Verse_007.mp3,"Dɔwɔla siwo kplɔ wo ɖo la nɔ Ezer, Yesua ƒe vi, Mizpa dziɖula ƒe kpɔkplɔ te. Wowɔ dɔ le gli la ŋu tso Aʋawɔnuxɔ la gbɔ le gli la ƒe dzogoe dzi." data/train/NEH/NEH_003_Verse_010.mp3,"Emegbe la, Levitɔ aɖewo wɔ dɔ le Rehum, Bani ƒe vi, te. Le woawo megbe la, Hasabia, ame si nye Keila nuto la ƒe afã dziɖula la kpɔ gli la ɖoɖo dzi le eya ŋutɔ ƒe nuto me." data/train/NEH/NEH_007_Verse_010.mp3,Ara ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve (652). data/train/NEH/NEH_006_Verse_010.mp3,"Le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve siawo me la, agbalẽŋɔŋlɔ nɔ Tobia kple Yudatɔwo ƒe dunyahela kesinɔtɔwo dome." data/train/NEH/NEH_003_Verse_012.mp3,"Gbedoxɔmedɔwɔla siwo nɔ Ofel togbɛ dzi la, gbugbɔ gli la ɖo va ɖo Tsigbo ɣedzeƒetɔ la kple mɔ la ƒe xɔ tsrala gbɔ." data/train/NEH/NEH_013_Verse_022.mp3,"Mena wokɔ xɔ la ŋu nyuie, eye megbugbɔ gbedoxɔ la ƒe agbawo, nuɖuvɔsanuwo kple atike ʋeʋĩwo de xɔ la me." data/train/NEH/NEH_007_Verse_064.mp3,"Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimevi siwo gbɔ va Yuda la woe nye: Sotai, Soferet, Perida," data/train/NEH/NEH_005_Verse_013.mp3,"Migbugbɔ ame daheawo ƒe agblewo, waingblewo, amitigblewo kple aƒewo na wo egbe sia, eye deme alafa ɖekalia si miexɔna ɖe ga, bli, wain yeye kple ami dzi la natɔ.”" data/train/NEH/NEH_006_Verse_008.mp3,"Gbe ɖeka la, meɖi tsa yi Semaya, Delaya ƒe vi, ame si nye Mehetabel ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si tu ʋɔ ɖe eɖokui nu le eƒe aƒe me la gbɔ, elabena egblɔ nam be, nya aɖe tso Mawu gbɔ gbɔna na ye. Esi meɖo la, egblɔ nam be, “Na míayi aɖabe ɖe gbedoxɔ la me, eye míatu ʋɔtruawo goŋgoŋgoŋ, elabena wogbɔna be woawu mí le zã sia me.”" data/train/NEH/NEH_004_Verse_013.mp3,"Mebu nu si le edzi yim la ŋuti nyuie, eye metsi tsitre gblɔ na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, “Migavɔ̃ na wo o. Miɖo ŋku Aƒetɔ si sẽ ŋu, eye ŋɔdzi le eŋuti la dzi ne miawɔ aʋa ɖe mia nɔviŋutsuwo, mia viŋutsuwo, mia vinyɔnuwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo ta.”" data/train/NEH/NEH_010_Verse_000.mp3,"“Abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene la, míelɔ̃ ɖe edzi be míatsɔ míaƒe viŋutsu tsitsitɔwo kple míaƒe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ana Yehowa. Míatsɔ wo na nunɔla siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le gbedoxɔ la me." data/train/NEH/NEH_007_Verse_047.mp3,Levitɔ siwo gbɔ la ƒe hlɔ̃wo kple woƒe xexlẽmewo le ale: Kadmiel ƒe vi siwo do tso Hodavia kple Yesua ƒe hlɔ̃ me la le ame blaadre-vɔ-ene (74). data/train/NEH/NEH_003_Verse_016.mp3,"Le eya megbe la, Yedaia, Harumaf ƒe vi ɖɔ gli si dze ŋgɔ eƒe aƒe la ɖo. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hatus, Hasabnia ƒe vi." data/train/NEH/NEH_008_Verse_009.mp3,"Ezra ʋu agbalẽ la. Amewo katã ate ŋu akpɔe, elabena etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe, eye esi wòʋu agbalẽa la, ameawo katã tsi tsitre." data/train/NEH/NEH_006_Verse_007.mp3,"Gawu la, wo katã woɖia ɖase nam enuenu tso eƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu, eye wotoa nya siwo katã megblɔna la hã nɛ. Ale Tobia ɖo agbalẽwo ɖa be wòatsɔ ado ŋɔdzi nam." data/train/NEH/NEH_005_Verse_019.mp3,"Ɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawo, mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo sɔ gbɔ ŋutɔ, gake be míakpɔ nu aɖu, atsi agbe la, ele na mí be míadi bli.”" data/train/NEH/NEH_013_Verse_017.mp3,"Le ɣe ma ɣi ke la, mede dzesii be Yuda ŋutsu geɖewo ɖe srɔ̃ tso Asdod, Amon kple Moab," data/train/NEH/NEH_008_Verse_004.mp3,"Ale le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nunɔla Ezra tsɔ Segbalẽ la do goe ɖe ameha la ŋkume, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ame siwo katã ate ŋu ase nu gɔme la woe ƒo ƒu." data/train/NEH/NEH_012_Verse_045.mp3,"Zikri nye Abiya ƒomea ƒe tatɔ, Piltain nye Moadia ƒomea kple Miniamin ƒomea ƒe tatɔ," data/train/NEH/NEH_007_Verse_008.mp3,Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve (122). data/train/NEH/NEH_013_Verse_016.mp3,"Kpe ɖe esiawo ŋu la, mewɔ ɖoɖo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi kple nu gbãtɔwo nana hã ŋu. O! Nye Mawu, ɖo ŋku dzinye, le wò dɔmenyo la nu." data/train/NEH/NEH_012_Verse_017.mp3,"Kpe ɖe ame siawo ŋu la, nunɔla siwo lé kpẽ ɖe asi kple Zekaria, Yonatan ƒe vi, Semaya ƒe vi, Matania ƒe vi, Mikaya ƒe vi, Zakur ƒe vi, Asaf ƒe vi," data/train/NEH/NEH_013_Verse_014.mp3,"ke meƒo nu na wo kple adã be, “Nu ka dim miele hafi va tsi gli la godo dɔ? Ne miegawɔe azɔ la, malé mi.” Eyae nye zi mamlɛtɔ si wova le Dzudzɔgbe la dzi." data/train/NEH/NEH_007_Verse_024.mp3,"Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo de ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve (642)." data/train/NEH/NEH_004_Verse_019.mp3,"siwo le gli la ɖom la megbe. Ame siwo nɔ kɔ lɔm la hã wɔa dɔ kple asi ɖeka, eye woléa aʋawɔnu ɖe asi evelia." data/train/NEH/NEH_007_Verse_075.mp3,"Ƒometatɔ aɖewo na nu hena dɔ la dziyiyi. Gɔvina la na sika kilogram enyi kple afã, agba blaatɔ̃ kple nunɔlawo ƒe awudodo alafa atɔ̃ blaetɔ̃ (530)." data/train/NEH/NEH_003_Verse_006.mp3,"Benyamin, Hasub kple Azaria, Maaseya ƒe vi kple Anania ƒe tɔgbuiyɔvi woɖo gli la ƒe akpa siwo to woƒe aƒewo ŋu." data/train/NEH/NEH_004_Verse_010.mp3,"Ke míedo gbe ɖa na míaƒe Mawu, eye míedzɔ dua ŋu zã kple keli be míanɔ dedie." data/train/NEH/NEH_002_Verse_012.mp3,"Le zã me la, míedo go to Balimegbo la me ɖo ta Yakal ƒe Vudo la gbɔ, heyi Aɖukpogbo la gbɔ be míakpɔ gli gbagbãwo kple agbo siwo wotɔ dzoe la ɖa." data/train/NEH/NEH_006_Verse_005.mp3,"eye kura gɔ̃ hã la, èɖo Nyagblɔɖilawo be woaɖe gbeƒã nya sia le Yerusalem be, ‘Fia le Yuda si!’ Azɔ la, nutsotso sia aɖo fia gbɔ, eya ta va, ne miade aɖaŋu.”" data/train/NEH/NEH_010_Verse_029.mp3,"“Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe gbãtɔ, eɖanye nu si ɖona le to me alo tsena ɖe kutsetsetiwo kple amitiwo dzi o, ayi Yehowa ƒe aƒe me." data/train/NEH/NEH_009_Verse_019.mp3,"Èɖo wò Gbɔgbɔ nyui la ɖa be wòafia nu wo. Mèdzudzɔ mananana wo tso dziƒo o, mèdzudzɔ tsinana wo be wòatsi woƒe tsikɔwuame nu o." data/train/NEH/NEH_003_Verse_018.mp3,"Le woawo yome la, Binui, Henadad ƒe vi ɖo gli la tso Azaria ƒe aƒe gbɔ yi dzogoe la dzi," data/train/NEH/NEH_005_Verse_004.mp3,"Esi mese nya sia la, medo dɔmedzoe vevie." data/train/NEH/NEH_003_Verse_021.mp3,"Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi wogbugbɔ gli la ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo, eye Mesulam, Berekia ƒe vi kple Mesezabel ƒe tɔgbuiyɔvi kple Zadok, Baana ƒe vi, hã woɖo gli la ƒe akpa bubuwo." data/train/NEH/NEH_007_Verse_003.mp3,"Ale mɔmefia la de se na wo be, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔewo ƒe ɖeke o va se ɖe esime woɖo nunɔla si atsɔ Urim kple Tumim abia gbe Mawu hafi." data/train/NEH/NEH_011_Verse_016.mp3,"le esime ame aɖewo tso Yuda kple Benyamin nɔ Yerusalem. Yuda ƒe dzidzimeviwo ƒe kplɔlawoe nye: Ataya, Uzia ƒe vi. Uzia fofoe nye Zekaria, ame si fofoe nye Amaria, ame si fofoe nye Sefatia, ame si fofoe nye Mahalalel, ame si nye Perez ƒe dzidzimevi;" data/train/NEH/NEH_009_Verse_009.mp3,"Èkpɔ wo dzi ƒe blaene le gbedzi, naneke mehiã wo le ɣeyiɣi ma me o. Woƒe awuwo mevuvu o, eye woƒe afɔwo hã mete o!" data/train/NEH/NEH_011_Verse_027.mp3,"Petahia, Mesezabel ƒe vi, ame si dzɔ tso Zera, Yuda ƒe vi me la naa kpekpeɖeŋu le dua dzi ɖuɖu ƒe nyawo katã me." data/train/NEH/NEH_009_Verse_021.mp3,"“Ke esi nuwo nɔ yiyim na wo nyuie ko la, wò amewo gatrɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu, eye nègana woƒe futɔwo gaɖu wo dzi. Ke ne wò amewo trɔ va gbɔwò, ɖe kuku na wò, bia wò kpekpeɖeŋu ko la, ègaɖoa to wo tso dziƒo, eye nèɖea wo to wò amenuveve gã la me!" data/train/NEH/NEH_009_Verse_036.mp3,"“Wòe nye Yehowa Mawu, ame si tia Abram, eye nèkplɔe do goe tso Ur le Kaldea, eye nètrɔ ŋkɔ nɛ be Abraham." data/train/NEH/NEH_005_Verse_012.mp3,"Mí ame bubuawo ya míele ga kple nuɖuɖu dom na mía nɔvi Yudatɔwo, eye míele deme aɖeke xɔm o. Meɖe kuku na mi, bubumewo, midzudzɔ amebaba sia tɔgbi!" data/train/NEH/NEH_012_Verse_025.mp3,"Matenai nye Yoyarib ƒomea ƒe tatɔ, Uzi nye Yedaia ƒomea ƒe tatɔ," data/train/NEH/NEH_008_Verse_011.mp3,"Levitɔwo hã fa akɔ na ameawo be, “Miɖi ɖe eme, elabena egbee nye ŋkeke kɔkɔe. Migaxa nu o.”" data/train/NEH/NEH_011_Verse_026.mp3,"Nunɔla alafa enyi kple blaeve-vɔ-eve (822) nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me le ame siawo ƒe dzikpɔkpɔ te. Adaya, Yeroham vi, ame si nye Pelalya vi, ame si nye Amzi vi, ame si nye Zaharia vi, ame si nye Pasur vi, ame si nye Malkiya vi." data/train/NEH/NEH_003_Verse_013.mp3,"Hasenaa ƒe viwo ɖo Tɔmelãgbo la. Wolã xɔtutiwo, de ʋɔtruawo, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu." data/train/NEH/NEH_003_Verse_029.mp3,"Uziel, Harhaia ƒe vi si nye sikaɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka la hã wɔ dɔ le gliawo ŋu. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hananiya, amiʋeʋĩwɔla aɖe. Woɖɔ gli la ɖo tso Yerusalem va se ɖe keke Gli Gbadza la gbɔ ke." data/train/NEH/NEH_001_Verse_008.mp3,"“O! Aƒetɔ Yehowa, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, Mawu si wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe sewo dzi la nu, se nye gbedodoɖa." data/train/NEH/NEH_002_Verse_020.mp3,"“Nu ka ta nèlé blanui ale, evɔ mèhele dɔ lém o? Esia menye naneke wu dzi ƒe nuxaxa o.”" data/train/NEH/NEH_007_Verse_021.mp3,Bezai ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-ene (324). data/train/NEH/NEH_002_Verse_016.mp3,"Megblɔ na wo azɔ be, “Mienya dzɔgbevɔ̃e si dzɔ ɖe Yerusalem dzi nyuie. Dua gbã, eye agboawo fia. Miva, mina míagbugbɔ Yerusalem ƒe gli aɖo, eye míaɖe ŋukpe sia ɖa le mía dzi!”" data/train/NEH/NEH_007_Verse_073.mp3,Zatu ƒe viwo le ame alafa enyi kple blaene-vɔ-atɔ̃ (845). data/train/NEH/NEH_013_Verse_027.mp3,"O! Nye Mawu, ɖo ŋku dɔ nyui sia si mewɔ la dzi, eye mègaŋlɔ nu siwo katã mewɔ le gbedoxɔ la ŋu be o." data/train/NEH/NEH_013_Verse_008.mp3,"Esi wose se sia la, wonya amedzrowo katã le Israel dome." data/train/NEH/NEH_012_Verse_035.mp3,"Samua nye Bilga ƒomea ƒe tatɔ, Yehonatan nye Semaya ƒomea ƒe tatɔ," data/train/NEH/NEH_001_Verse_004.mp3,"Míewɔ nu tovowo ɖe ŋutiwò, míewɔ wò sededewo, ɖoɖowo kple se siwo wò dɔla Mose de na mí la dzi o." data/train/NEH/NEH_006_Verse_019.mp3,"Ɖe wodae be wòado ŋɔdzi nam ne mawɔ nu vɔ̃ to nu sia wɔwɔ me, eye woaɖe vɔ̃e nam, aƒo ɖi nye ŋkɔ." data/train/NEH/NEH_009_Verse_025.mp3,"“Ke, togbɔ be nèwɔ esiawo katã na wo hã la, wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò. Woɖe asi le wò sewo ŋu, wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ na wo be woatrɔ ava gbɔwò, eye wogawɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi bubu geɖewo." data/train/NEH/NEH_007_Verse_018.mp3,Bet Azmavetɔwo le ame blaene-vɔ-eve (42). data/train/NEH/NEH_007_Verse_063.mp3,"Senaa ƒe viwo le ame akpe etɔ̃ alafa asieke kple blaetɔ̃ (3,930)." data/train/NEH/NEH_010_Verse_033.mp3,"Nunɔla Aron ƒe dzidzimevi ɖeka anɔ Levitɔwo gbɔ ne wole nuwo ƒe ewoliawo xɔm, eye Levitɔwo atsɔ nu ewolia si woxɔ la ƒe ewolia ayi gbedoxɔ me, adzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la." data/train/NEH/NEH_008_Verse_007.mp3,"Esi ŋu ke la, ƒometatɔwo, nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu, eye wona agbalẽfiala Ezra gaɖe Seawo me na wo tsitotsito." data/train/NEH/NEH_009_Verse_017.mp3,"Ezra do gbe ɖa be, “O! Yehowa, wò ɖeka koe nye Mawu. Wòe wɔ dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo, anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me. Wòe kpɔa wo katã dzi, eye wòe mawudɔlawo katã subɔna." data/train/NEH/NEH_011_Verse_022.mp3,"Maaseya, Baruk ƒe vi, Baruk fofoe nye Kol Hoze, ame si fofoe nye Hazaya, ame si fofoe nye Adaya, ame si fofoe nye Yoyarib, ame si fofoe nye Zekaria, Silonitɔ la ƒe vi." data/train/NEH/NEH_002_Verse_011.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, nàŋlɔ agbalẽ na Asaf, ame si kpɔa fia la ƒe ave dzi, eye nàna wòana atim hena daɖedziwo kple agbowo na mɔ si le gbedoxɔ la gbɔ, hena dua ƒe gliwo kple xɔ aɖe tutu na ɖokuinye.” Esi wònye be, nye Mawu ƒe amenuveve ƒe asi nɔ dzinye ta la, fia la lɔ̃ ɖe nye biabiawo dzi." data/train/NEH/NEH_007_Verse_020.mp3,Betlehemtɔwo kple Netofatɔwo le ame alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-enyi (188). data/train/NEH/NEH_013_Verse_015.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, mese be womele nu siwo nye Levitɔwo tɔ la tsɔm na wo o, ale woawo kple hadzihamenɔla siwo naa kpekpeɖeŋu le sɔlemedede me la gbugbɔ yi ɖanɔ dɔ wɔm le woƒe agblewo me." data/train/NEH/NEH_006_Verse_003.mp3,"Eva eme alea elabena Yudatɔ geɖewo ka atam na Tobia le esi toa nye Sekania, Ara ƒe vi, eye via Yehohanan ɖe Mesulam, Berekia ƒe vi ƒe nyɔnuvi la ta." data/train/NEH/NEH_002_Verse_001.mp3,"Emegbe fia la, ame si ƒe axadzi fiasrɔ̃ la nɔ anyi ɖo la biam be, “Ŋkeke nenie nèle mɔ zɔ ge, eye gbe ka gbee nàtrɔ agbɔ?” Edze fia la ŋu be wòadɔm, eya ta meɖo ŋkeke nɛ." data/train/NEH/NEH_003_Verse_025.mp3,"Salum, Kol Hoze ƒe vi, ame si kpɔa Mizpa nuto la dzi la wɔ dɔ le Tsidzidzigbo la ŋu. Egbugbɔe tu, gbae, hede ʋɔtru, ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu. Azɔ la, egbugbɔ gli la ɖo tso Siloam Ta la ŋu yi fia la ƒe abɔ gbɔ kple atrakpui siwo ɖiɖi tso Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me." data/train/NEH/NEH_009_Verse_037.mp3,"“Wogbe wò Seawo dzi wɔwɔ, eye womebu nukunu siwo nèwɔ le wo dome o, ke boŋ wodze aglã, eye wotia kplɔla aɖe be wòakplɔ yewo atrɔ ayi kluvinyenye me le Egipte! Ke tsɔtsɔke ƒe Mawu kple amenuvela nènye. Mèdoa dɔmedzoe kabakaba o; lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ le mewò, eya ta megble wo ɖi o," data/train/NEH/NEH_003_Verse_028.mp3,"Tso afi sia la, Refaya si nye Hur ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la ƒe akpa aɖe." data/train/NEH/NEH_003_Verse_022.mp3,"Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi, woɖo gli la ƒe akpa aɖe tso Eliasib ƒe aƒe ƒe agbo ƒe kasa yi aƒe la xa." data/train/NEH/NEH_001_Verse_000.mp3,"Esi mese nya siawo la, menɔ anyi, eye mefa avi. Le nyateƒe me la, metsi nu dɔ ŋkeke geɖewo, eye mewɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ hedo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la be," data/train/NEH/NEH_013_Verse_030.mp3,"trɔ nudzraɖoxɔawo dometɔ ɖeka wòzu amedzrodzeƒe nyui aɖe na Tobia. Tsã la, wodzraa nuɖuvɔsanuwo, atike ʋeʋĩwo, gagbɛwo kple bli, aha yeye kple ami ƒe ewoliawo ɖo ɖe xɔ sia me. Mose de se be nu siawo nye Levitɔwo, hadzihamenɔlawo kple agbonudzɔlawo tɔ, eye nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo nye nunɔlawo tɔ." data/train/NEH/NEH_004_Verse_000.mp3,"Ale meda dzɔla siwo si yi, akplɔ kple dati nɔ la tso ƒome ɖe sia ɖe me ɖe gli la megbe le teƒe siwo gli gbagbãwo meli kɔ ɖo o." data/train/NEH/NEH_007_Verse_041.mp3,"Imer ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve (1,052)." data/train/NEH/NEH_002_Verse_003.mp3,"Esi meɖo dukɔ siwo nɔ Frat Tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la, metsɔ fia la ƒe agbalẽwo na mɔmefiawo. Kpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋafia kple asrafo sɔdolawo kpe ɖe ŋunye." data/train/NEH/NEH_002_Verse_013.mp3,"Megabia nu bubu hã fia la be, “Ne edze ŋuwò la, ekema meɖe kuku be nàŋlɔ agbalẽ ade asinye na mɔmefia siwo le Frat tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, eye nàbia tso wo si be woaɖe mɔ nam mato woƒe dukɔwo me ayi Yudanyigba dzi dedie." data/train/NEH/NEH_007_Verse_023.mp3,Binui ƒe viwo le ame alafa ade kple blaene-vɔ-enyi (648). data/train/NEH/NEH_009_Verse_024.mp3,"Ke mía tɔgbuiwo nye dadalawo kple kɔlialiatɔwo, eye wogbe toɖoɖo wò Seawo." data/train/NEH/NEH_009_Verse_003.mp3,"Èbɔbɔ dukɔ blibowo ɖe anyi le wo ŋgɔ, Kanaan fiawo kple woƒe amewo gɔ̃ hã zu ŋusẽmanɔŋutɔwo!" data/train/NEH/NEH_007_Verse_070.mp3,"Yesua kple Yoab ƒe vi siwo do tso Pahat Moab me la le ame akpe eve alafa enyi kple wuienyi (2,818)." data/train/NEH/NEH_010_Verse_026.mp3,"“Míada akɔ be míanya ƒe sia ƒe ƒe ɣeyiɣi si dzi nunɔlawo, Levitɔwo kple kplɔlawo ƒe ƒometɔwo ana nake si ŋu dɔ woawɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene." data/train/NEH/NEH_004_Verse_016.mp3,"Meɖe eme na bubumeawo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, “Dɔ la keke ta, míema ɖe eŋuti ale mía dome didi tso mía nɔewo gbɔ le gli la ŋuti," data/train/NEH/NEH_012_Verse_016.mp3,"Kalai nye Salu ƒomea ƒe tatɔ, Eber nye Amok ƒomea ƒe tatɔ," data/train/NEH/NEH_008_Verse_001.mp3,"Ale ameawo kaka, woyi ɖadi ŋkekenyuinuwo ɖu, wono nu, eye woɖo nunanawo ɖe wo nɔewo kple hiãtɔwo. Enye dzidzɔŋkekenyui gã aɖe woɖu, elabena wokpɔ mɔnu se Mawu ƒe nya, eye wote ŋu se egɔme hã." data/train/NEH/NEH_009_Verse_015.mp3,"Èwɔ dzesi kple nukunu triakɔwo fia Fia Farao kple eƒe amewo, elabena ènya fu siwo Egiptetɔwo nɔ wo wɔm. Èxɔ ŋkɔ gã le nu gã siwo nèwɔ, eye womaŋlɔ wo be akpɔ o la ta." data/train/NEH/NEH_012_Verse_007.mp3,"Esi woɖo Tsidzidzigbo la gbɔ la, woɖo ta ŋgɔ tẽe, lia atrakpui siwo yi mɔ la gbɔ le David ƒe du xoxo la me. Tso afi sia la, woyi Tsigbo la gbɔ le ɣedzeƒe lɔƒo." data/train/NEH/NEH_003_Verse_030.mp3,"Yerikotɔwo kple Zakur, Imri ƒe vi la, ƒe dɔwɔlawo kpe ɖe ameawo ŋu le dɔ la wɔwɔ me." data/train/NEH/NEH_012_Verse_006.mp3,"Esi wonɔ Yerusalem ƒe gli yeyeawo ŋu kɔm la, Levitɔwo katã tso anyigba la ƒe akpa sia akpa va Yerusalem be yewoana kpekpeɖeŋu le wɔnawo me, eye yewoakpɔ gome le dzidzɔŋkekenyui la ɖuɖu me kple woƒe akpedada, gakogoewo, hadzidziwo kple kasaŋkuwo." data/train/NEH/NEH_010_Verse_027.mp3,"“Míelɔ̃ ɖe edzi be míadzɔ nu ƒe sia ƒe na gbedoxɔ la, ale be ga nasɔ gbɔ ɣe sia ɣi hena mía Mawu la ƒe gbedoxɔ la dzikpɔkpɔ," data/train/NEH/NEH_009_Verse_001.mp3,"Ale nètsɔ wo de asi na woƒe futɔwo. Ke le woƒe xaxaɣiwo me la, wodo ɣli na wò, èse woƒe ɣlidodo tso dziƒo, eye le wò amenuveve ta la, èɖo amewo ɖa be woaɖe wo tso woƒe futɔwo ƒe" data/train/NEH/NEH_013_Verse_007.mp3,"elabena womewɔ xɔlɔ̃ kple Israel o. Wotsɔ Balaam be woaƒo fi ade Israelviwo, ke Mawu trɔ fiƒode la wòzu yayra." data/train/NEH/NEH_007_Verse_009.mp3,"Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o." data/train/NEH/NEH_004_Verse_020.mp3,"Tete Yudatɔ siwo nɔ wo dome la va gblɔ na mí zi ewo be, “Woatso teƒe vovovowo ava dze mía dzi.”" data/train/NEH/NEH_002_Verse_015.mp3,"Megblɔ na fia la be, “Fia nenɔ agbe tegbee.”" data/train/NEH/NEH_004_Verse_009.mp3,"Ke esi Sanbalat kple Tobia kple Arabiatɔwo kple Amonitɔwo kple Asdodtɔwo se be dɔa le edzi yim nyuie, eye wogbugbɔ gli la ƒe gbagbãƒewo le ɖoɖom la, wodo dɔmedzoe vevie." data/train/NEH/NEH_003_Verse_024.mp3,"Salum, Halohes ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã evelia dziɖula la kple via nyɔnuwo dzra gli la ƒe akpa si le Dzokpomɔ la megbe ɖo." data/train/NEH/NEH_007_Verse_043.mp3,"Kiriat Yearim, Kefira kple Beerottɔwo le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃ (743)." data/train/NEH/NEH_009_Verse_023.mp3,"ke le wò amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ ta la, mègble wo ɖi be woaku le gbedzi o! Alilĩkpododo la kplɔa wo yia ŋgɔe gbe sia gbe, eye dzosɔti la fiaa mɔ wo le zã me." data/train/NEH/NEH_007_Verse_000.mp3,Adin ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ (655). data/train/NEH/NEH_011_Verse_032.mp3,"Woɖo Levitɔ aɖewo, ame siwo nɔ Yuda la ɖa be woanɔ Benyamin ƒe viwo gbɔ." data/train/NEH/NEH_008_Verse_016.mp3,"Woxlẽ Mawu ƒe Segbalẽ la na wo, eye woɖe eme wòkɔ ale gbegbe be, ameawo te ŋu se nu si xlẽm wole la gɔme." data/train/NEH/NEH_007_Verse_045.mp3,"kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (435) kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve (6,720)." data/train/NEH/NEH_007_Verse_051.mp3,Nebotɔwo le ame blaatɔ̃ vɔ eve (52). data/train/NEH/NEH_003_Verse_005.mp3,"Ame siwo ɖo gli kplɔ wo ɖo la woe nye, Tekoa ŋutsuwo, gake woƒe bubumewo mede ta dɔ la me le woƒe dzikpɔlawo te o." data/train/NEH/NEH_001_Verse_007.mp3,"O! Aƒetɔ, meɖe kuku, se nye gbedodoɖa! Ɖo to mí, ame siwo kpɔa dzidzɔ be míade bubu ŋuwò la ƒe gbedodoɖa. Meɖe kuku, kpe ɖe ŋunye fifi laa esi mele fia la gbɔ yim be mabiae be wòana kpekpeɖeŋu tɔxɛm. Dee eƒe dzi me be wòave nunye.” Fia la ƒe ahakulae menye." data/train/NEH/NEH_012_Verse_012.mp3,"Hasabia nye Hilkia ƒomea ƒe tatɔ, Netanel nye Yedaia ƒomea ƒe tatɔ." data/train/NEH/NEH_011_Verse_024.mp3,"Matania, Mika ƒe vi. Mika fofoe nye Zabdi, Asaf ƒe vi. Mataniae nye ame si dzea akpedasɔlemewo gɔme kple gbedodoɖa. Bakbukia kple Abda, Sanua ƒe vi nye eƒe kpeɖeŋutɔwo. Samua fofoe nye Galal, Yedutun ƒe vi." data/train/NEH/NEH_007_Verse_069.mp3,Yeriko ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345). data/train/NEH/NEH_003_Verse_019.mp3,"Malkiya, Rekab ƒe vi, ame si nye Bet Hakerem dziɖula la gbugbɔ Aɖukpogbo la tu, de ʋɔtruwo enu, eye wòde ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo ʋɔtruawo ŋu." data/train/NEH/NEH_007_Verse_025.mp3,"Du la lolo, gake emenɔlawo mesɔ gbɔ o, xɔawo hã mesɔ gbɔ o, ke boŋ woɖe ɖe aga tso wo nɔewo gbɔ le du la me." data/train/NEH/NEH_012_Verse_011.mp3,Hadzihamenɔlawo hã va Yerusalem tso kɔƒe siwo ƒo xlãe kple Netofatitɔwo ƒe kɔƒewo me data/train/NEH/NEH_006_Verse_011.mp3,"Medo gbe ɖa be, “O! Nye Mawu, mègaŋlɔ Tobia, Sanbalat, Noaɖia, nyagblɔɖila la kple nyagblɔɖila bubu siwo katã dze agbagba be yewoado ŋɔdzi nam la ƒe nu vɔ̃wo be o.”" data/train/NEH/NEH_012_Verse_027.mp3,"Menɔ hatsotso evelia me, míeto mɔ evelia be míaɖado go wo. Míezɔ tso Kpodzoxɔ Kɔkɔ la gbɔ yi Gli Keke la gbɔ," data/train/NEH/NEH_012_Verse_040.mp3,"Yesua nye Yoyakim fofo, Yoyakim nye Eliasib fofo, Eliasib nye Yoiada fofo," data/train/NEH/NEH_007_Verse_011.mp3,"Ater dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasieke-vɔ-enyi (98)." data/train/NEH/NEH_007_Verse_037.mp3,Harif ƒe viwo le ame alafa ɖeka kple wuiene (112). data/train/NEH/NEH_012_Verse_022.mp3,"Le Kronika alo Nyadzɔdzɔwo ƒe Agbalẽwo me la, woŋlɔ Levitɔwo ƒe tatɔwo ƒe ŋkɔwo ɖi va se ɖe Yohanan, Eliasib ƒe vi dzi." data/train/NEH/NEH_005_Verse_003.mp3,"Esi mebu nu siawo katã ŋuti vɔ la, mebu fɔ bubumewo kple dɔnunɔlawo. Megblɔ na wo be, “Miele miawo ŋutɔ mia nɔviwo bam!” Ale meyɔ takpekpe gã aɖe na ame hahoawo ne maɖɔ nya sia ɖo." data/train/NEH/NEH_009_Verse_035.mp3,"Wò amewo xɔ du gã siwo woglã la kple agbledenyigba nyuiwo. Woxɔ aƒe geɖe siwo me nu nyuiwo abe vudo, waingblewo, amitivewo kple kutsetseti geɖewo ene la le. Ale woɖu nu ɖi ƒo, eye wò yayrawo sɔ gbɔ ɖe wo dzi." data/train/NEH/NEH_007_Verse_040.mp3,Hasum ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-enyi (328). data/train/NEH/NEH_011_Verse_028.mp3,"Sabetai kple Yozabad, ame siwo kpɔa dɔwɔlawo le gbedoxɔa godo dzi;" data/train/NEH/NEH_011_Verse_014.mp3,"Kplɔla aɖewo tso du bubuwo me va Yerusalem, ke Israelvi aɖewo, nunɔlawo, Levitɔwo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe dɔwɔlawo ƒe dzidzimeviwo dometɔ geɖewo ganɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒewo me le du vovovowo me le Yuda," data/train/NEH/NEH_007_Verse_002.mp3,"Agbonudzɔla siwo tso Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe ƒomeawo me la le ame alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-enyi (138)." data/train/NEH/NEH_011_Verse_020.mp3,"Levitɔwo ƒe kplɔlawoe nye: Semaya, Hashub ƒe vi. Hashub fofoe nye Azrikam, ame si fofoe nye Hasabia, Buni ƒe vi;" data/train/NEH/NEH_007_Verse_038.mp3,"Harim ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple wuiadre (1,017)." data/train/NEH/NEH_011_Verse_031.mp3,"Woƒe fiae nye Yoel, Zikri ƒe vi, ame si ƒe kpeɖeŋutɔe nye Yuda, Hasenua ƒe vi. Hasenua nye kplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ." data/train/NEH/NEH_007_Verse_005.mp3,"Ame siawo tsa di woƒe ƒomegbalẽwo, gake womeke ɖe wo ŋu o, ale woɖe wo ɖa tso nunɔlawo ƒe ha me be wo ŋuti mekɔ o." data/train/NEH/NEH_004_Verse_007.mp3,"Gawu la, míaƒe futɔwo nɔ ta me ɖom be yewoadze mía dzi, awu mí ale be míaƒe dɔ la wɔwɔ natɔ." data/train/NEH/NEH_003_Verse_031.mp3,"Yoiada, Pasea ƒe vi kple Mesulam, Besodeia ƒe vi wodzra Agbo Xoxo la ɖo. Wotu atiawo, de ʋɔtruawo agbo la nu, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo." data/train/NEH/NEH_003_Verse_027.mp3,Tekoatɔwo kplɔ wo ɖo. Woɖo gli la ƒe akpa si le Mɔ la ƒe Xɔ kɔkɔ la ƒe akpa kemɛ yi ɖatɔ Ofel ƒe gli la. data/train/NEH/NEH_012_Verse_032.mp3,"Nunɔla siwo wɔ dɔ le Yoyakim ƒe ŋkekewo me la ƒe hlɔ̃wo ƒe kplɔlawoe nye: Meraya si nye Seraya ƒe ƒomea ƒe tatɔ, Hananiya nye Yeremia ƒomea ƒe tatɔ," data/train/NEH/NEH_007_Verse_001.mp3,Adonikam ƒe viwo le ame alafa ade kple blaade-vɔ-adre (667). data/train/NEH/NEH_007_Verse_048.mp3,"Lod, Hadid kple Ono ƒe viwo le ame alafa adre kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (721)." data/train/NEH/NEH_009_Verse_014.mp3,"Ètsɔ lilikpo dodo kplɔ mía tɔgbuiwo le ŋkeke me, eye nèkplɔ wo kple dzosɔti le zã me, ale be woate ŋu akpɔ mɔ." data/train/NEH/NEH_004_Verse_022.mp3,"Tso gbe ma gbe dzi la, dɔwɔlawo ƒe afã koe wɔa dɔ la, eye afã mamlɛa léa akplɔwo, akpoxɔnuwo, aŋutrɔwo kple lãnu bubuwo ɖe asi henɔa Yudatɔ," data/train/NEH/NEH_009_Verse_033.mp3,"togbɔ be wowɔ sikanyivilegba, eye wogblɔ be ‘Esiae nye míaƒe mawu! Eyae kplɔ mi tso Egipte’ hã. Wowɔ nu vɔ̃ le mɔ geɖewo nu," data/train/NEH/NEH_011_Verse_005.mp3,"Benyamin ƒe to la ƒe kplɔlawoe nye: Salu, Mesulam ƒe vi. Mesulam fofoe nye Yoed, ame si fofoe nye Pedaya, Kolaya ƒe vi, ame si fofoe nye Maaseya, ame si fofoe nye Itiel, Yesaya ƒe vi." data/train/NEH/NEH_006_Verse_016.mp3,"Sanbalat kple Gesem ɖo du ɖem be, “Va do go mí le kɔƒeawo dometɔ ɖeka me le Ono tagba,” gake ɖe woɖo be yewoawɔ nuvevim," data/train/NEH/NEH_009_Verse_005.mp3,"Ègbɔ dzi ɖi na wo ƒe geɖewo, eye to wò Gbɔgbɔ dzi la, èna nyagblɔɖilawo ƒo nu na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ke womeɖo to wo o. Ale nègana dukɔ siwo subɔa trɔ̃wo la gaɖu wo dzi." data/train/NEH/NEH_012_Verse_038.mp3,"Wokpɔ ŋudzedze le hadzilawo, agbonudzɔlawo, ame siwo naa kpekpeɖeŋu le mawusubɔsubɔ kple ameŋutikɔkɔ wɔnawo me le Fia David kple via Fia Solomo ƒe ɖoɖoawo nu hã ŋu." data/train/NEH/NEH_001_Verse_010.mp3,"Wò to nenɔ te, eye wò ŋkuwo nenɔ ʋuʋu be nàse gbe si dom wò dɔla le ɖa zã kple keli le ŋkuwòme, ɖe wò dɔlawo, Israel dukɔ ta. Meʋu nu vɔ̃ siwo mí Israelviwo, nye ŋutɔ kple fofonye ƒe aƒe míewɔ ɖe ŋuwò la me." data/train/NEH/NEH_013_Verse_019.mp3,"medo dɔmedzoe, eye mefɔ Tobia ƒe nuwo le xɔ la me ƒu gbe." data/train/NEH/NEH_007_Verse_062.mp3,Sefatia ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaadre-vɔ-eve (372). data/train/NEH/NEH_004_Verse_001.mp3,"Ale medo gbe ɖa na Mawu be, “Oo, Aƒetɔ mía Mawu, ɖo to mí, elabena wole fewu ɖum le mía ŋu. Na woƒe fewuɖuɖu natrɔ adze woawo ŋutɔ ƒe ta dzi, eye woaɖe aboyo wo ayi dzronyigba aɖe dzi." data/train/NEH/NEH_011_Verse_018.mp3,Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la nɔ ame alafa eve kple blaenyi-vɔ-ene (284). data/train/NEH/NEH_011_Verse_007.mp3,Gabai kple Salai ƒe dzidzimevi nye alafa asieke kple blaeve-vɔ-enyi (928). data/train/NEH/NEH_011_Verse_004.mp3,"Benyamin ƒe dzidzimeviwo tso Geba nɔ Mikmas, Aya, Betel kple eƒe kɔƒewo," data/train/NEH/NEH_011_Verse_013.mp3,"Ke gbedoxɔmedɔwɔlawo katã, ame siwo ƒe kplɔlawoe nye Ziha kple Gispa la nɔ Ofel." data/train/NEH/NEH_009_Verse_004.mp3,"Ède Se na wo tso Dzudzɔgbe kɔkɔe la ŋu, ède Seawo na wo to wò dɔla, Mose dzi be woawɔ wo katã dzi." data/train/NEH/NEH_003_Verse_015.mp3,"Le eya megbe la, Azbuk ƒe vi, Nehemia, ame si nye Bet Zur nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la va se ɖe teƒe si dze ŋgɔ David ƒe yɔdokpewo gbɔ heyi Tsita si amewo ɖe kple Kalẽtɔwo ƒe Aƒe gbɔ ke." data/train/NEH/NEH_011_Verse_023.mp3,"Malkiya ƒe kpeɖeŋutɔwo nye ŋutsu kako alafa eve kple blaene-vɔ-eve (242); Amasai, Azarel ƒe vi, Ahzai ƒe vi, Mesilemɔt ƒe vi, Imer ƒe vi" data/train/NEH/NEH_004_Verse_012.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, mía dometɔ aɖeke, nye ŋutɔ kple nɔvinyewo kple subɔlawo kple duŋudzɔla siwo nɔ gbɔnye la, míeɖea awu ɖi o, eye aʋawɔnuwo nɔa mía ŋu ɣe sia ɣi ne míeyi tsinoƒe gɔ̃ hã." data/train/NEH/NEH_003_Verse_020.mp3,"Malkiya, sikaɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka ɖo gli la va ɖo keke gbedoxɔmedɔwɔlawo ƒe nɔƒe kple asitsalawo ƒe takpeƒe le “Mustagbo” la ƒe akpa kemɛ heyi dziƒoxɔ la gbɔ le dzogoe la dzi." data/train/NEH/NEH_009_Verse_012.mp3,"“Esi dɔ wu wo la, èna nuɖuɖu wo tso dziƒo, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi wo tso agakpe la me. Èɖe gbe na wo be woayi aɖaxɔ anyigba si nèka atam be yeana wo." data/train/NEH/NEH_007_Verse_012.mp3,"Azgad ƒe viwo le ame akpe eve alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-eve (2,322)." data/train/NEH/NEH_006_Verse_006.mp3,"Gake meɖo eŋu nɛ be, “Ɖe ame abe nye ene masia? Alo ɖe ame abe nye ene mayi gbedoxɔ me be maɖe nye agbea? Gbeɖe, nyemayi o!”" data/train/NEH/NEH_006_Verse_015.mp3,"Nye ŋuɖoɖoe nye, “Wò ŋutɔ ènya be alakpa sɔŋ ko dam yele, nyateƒe aɖeke kura mele nya blibo sia me o.”" data/train/NEH/NEH_002_Verse_005.mp3,"eye megblɔ na fia la be, “Ne edze fia la ŋu, eye nève wò dɔla nu la, ekema dɔm ɖe Yuda ƒe du me, afi si woɖi fofonyewo ɖo ne magbugbɔ du la atu.”" data/train/NEH/NEH_009_Verse_022.mp3,"Ke le wò amenuveve sɔ gbɔ la ta la, mètsrɔ̃ wo keŋkeŋ alo gble wo ɖi o. Mawu amenuvetɔ kple dɔmenyotɔ gãe nènye!" data/train/NEH/NEH_003_Verse_026.mp3,Sikaɖaŋuwɔla kple asitsala bubuawo wu gli la nu tso dzogoe ma dzi yi ɖatɔ Alẽgbo la. data/train/NEH/NEH_012_Verse_019.mp3,"kple Bet Gilgal kple Geba nutowo me kple Azmavet, elabena woƒe hadzilawo tso kɔƒewo na wo ɖokuiwo le Yerusalem gbɔ." data/train/NEH/NEH_007_Verse_059.mp3,Rama kple Gebatɔwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (621). data/train/NEH/NEH_007_Verse_066.mp3,"Wotsɔ Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe ŋkɔwo na nunɔla aɖewo ƒe ƒomeawo. Barzilai ɖe Barzilai, Gileadtɔ la ƒe vinyɔnu ɖeka, eye wòtsɔ srɔ̃a ƒe ƒomeŋkɔ." data/train/NEH/NEH_005_Verse_005.mp3,"Esia to vovo sãa tso mɔmefia siwo do ŋgɔ nam la ƒe wɔnawo gbɔ. Woawo xɔa nuɖuɖu kple wain kple klosaloga blaene gbe sia gbe le dukɔa si. Wotsɔ ameawo de asi na woƒe kpeɖeŋutɔwo, eye wowɔa fu ameawo. Ke nye la, mevɔ̃a Mawu, eye nyemewɔ nenema o." data/train/NEH/NEH_013_Verse_006.mp3,"Azɔ la, meɖe gbe na Levitɔwo be woakɔ wo ɖokui ŋuti, woadzɔ agboawo ŋu, eye woakpɔ egbɔ be ame sia ame wɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe. O! Nye Mawu, ɖo ŋku nye wɔna sia hã dzi! Ve nunye le wò lɔlɔ̃ sɔ gbɔ la nu." data/train/NEH/NEH_012_Verse_010.mp3,Hadziha eve siwo dzia akpedaha la nɔ wo nɔƒe le gbedoxɔ la me. Nenema kee nye nye hã kple dɔnunɔlawo ƒe afã data/train/NEH/NEH_004_Verse_021.mp3,"Tobia, Amonitɔ la tsi tsitre ɖe egbɔ, eye eya hã gblɔ fewuɖutɔe be, “Ne abei aɖe gɔ̃ hã zɔ woƒe gli dzi la, gli la amu gbloo!”" data/train/NEH/NEH_009_Verse_038.mp3,"Woxlẽ Seawo tso Yehowa, woƒe Mawu, ƒe Segbalẽ la me gaƒoƒo etɔ̃, eye wowɔ gaƒoƒo etɔ̃ bubu ŋu dɔ heʋu woƒe nu vɔ̃wo me hesubɔ Yehowa, woƒe Mawu la." data/train/NEH/NEH_013_Verse_005.mp3,"Asitsala aɖewo va tɔ ɖe dua godo zi eve aɖewo," data/train/NEH/NEH_013_Verse_023.mp3,"Metsɔ Selemia, nunɔla la kple Zadok, agbalẽfiala la kple Pedaya, Levitɔ la ɖo avawo dzi kpɔkpɔ nu, eye mena Hanan, Zakur ƒe vi kple Matania ƒe tɔgbuiyɔvi zu woƒe kpeɖeŋutɔ. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋkɔ nyui nɔ, eye woƒe dɔdeasie nye be woama nuawo na wo nɔvi Levitɔwo abe ale si dze ene." data/train/NEH/NEH_006_Verse_001.mp3,"Esi míaƒe futɔwo kple dukɔ siwo ƒo xlã mí se be míegbugbɔ gli la ɖo vɔ la, vɔvɔ̃ ɖo wo, eye dzi ɖe le wo ƒo, elabena wodze sii be míaƒe Mawu ƒe kpekpeɖeŋue na míete ŋu wu dɔ la nu." data/train/NEH/NEH_002_Verse_004.mp3,"eya ta meto balime la le zã me henɔ ŋku lém ɖe gli la ŋu. Mlɔeba la, metrɔ gava to Balimegbo la me heva aƒe me." data/train/NEH/NEH_007_Verse_035.mp3,"Hadzilawo: Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (148)." data/train/NEH/NEH_011_Verse_010.mp3,"Hazar Sual, Beerseba kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo," data/train/NEH/NEH_012_Verse_033.mp3,"Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu gbã, emegbe la, wokɔ ameawo, agboawo kple gli la hã ŋu." data/train/NEH/NEH_012_Verse_039.mp3,"Woŋlɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ƒe dzidzimewo da ɖi le Persia fia, Darius ƒe dziɖuɣi le Levitɔ siwo nye Eliasib, Yoiada, Yohanan kple Yaɖua la ŋɔli." data/train/2SA/2SA_024_Verse_008.mp3,"Ebia wo be, “Nu ka wɔ ge mieva?” David ɖo eŋu be, “Míeva be míaƒle wò lugbɔƒea eye matu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa ɖe afi sia ale be wòana dɔvɔ̃ la nu natso.”" data/train/2SA/2SA_018_Verse_000.mp3,"Absalom tu ŋkuɖodzikpe aɖe na eɖokui le eƒe agbenɔɣi ɖe Fia ƒe Balime elabena egblɔ be, “Viŋutsu aɖeke mele asinye si ana nye ŋkɔ natsi anyi o.” Ena ŋkɔe be “Absalom ƒe Ŋkuɖodzikpe.” Wogayɔnɛ nenema egbegbe." data/train/2SA/2SA_003_Verse_013.mp3,"David ɖo eŋu be, “Enyo, melɔ̃ gake nyemawɔ nubabla aɖeke kpli wò o va se ɖe esime nàkplɔ srɔ̃nye Mixal, ame si nye Saul vinyɔnu la vɛ nam.”" data/train/2SA/2SA_021_Verse_006.mp3,"Ena Yonatan ƒe viŋutsu Mefiboset, ame si nye Saul ƒe tɔgbuiyɔvi la tsi agbe le atam si eya kple Yonatan ka na wo nɔewo la ta." data/train/2SA/2SA_002_Verse_017.mp3,eƒe amewo kple wo srɔ̃wo kple wo viwo katã eye woyi Hebron. data/train/2SA/2SA_012_Verse_025.mp3,Natan trɔ yi aƒe me. Yehowa na Uria srɔ̃ ƒe vidzĩ si wòdzi na David la dze dɔ kutɔkutɔe. data/train/2SA/2SA_019_Verse_003.mp3,"Amasa ɖe nya me na Yuda ƒe kplɔlawo katã eye wolɔ̃ abe ame ɖeka ene. Woɖo du ɖe fia la be, “Gbugbɔ va mía gbɔ kple ŋuwòmewo katã.”" data/train/2SA/2SA_013_Verse_031.mp3,"Nɔvia Absalom biae be, “Nyateƒee be Amnon gblẽ wòa? Mègana wòave wò nenema kura o, elabena ƒome ɖeka sia me ko nya la dzɔ le. Esia menye nya aɖeke si ŋu nàtsi dzi le alea o!” Ale Tamar nɔ nɔvia Absalom gbɔ abe nyɔnu si ɖi gbɔ̃ eɖokui ene." data/train/2SA/2SA_021_Verse_010.mp3,"Filistitɔwo ƒe ame dzɔatsu aɖe si nye Rafa ƒe dzidzimevi, Isbi Benob, ame si ƒe akplɔ ƒe akɔbliteƒe kpe wu kilogram wuieve la, do gawu yeye aɖe hã. Egblɔ be yele David wu ge." data/train/2SA/2SA_016_Verse_017.mp3,"Le ŋkeke mawo me la, Ahitofel ƒe aɖaŋu si wòɖona la nɔna abe Mawu gbɔe wobia gbe le ene, ale David kple Absalom siaa dea bubu Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu." data/train/2SA/2SA_003_Verse_025.mp3,"eye togbɔ be menye Mawu ƒe amesiamina hã la, nyemate ŋu awɔ naneke kple Zeruya ƒe vi eve siawo o. Yehowa naɖo vɔ̃ɖivɔ̃ɖi teƒe na ame vɔ̃ɖiwo.”" data/train/2SA/2SA_019_Verse_002.mp3,"Ale fia la dze mɔ ɖo ta Yerusalem. Esi wòva ɖo Yɔdan tɔsisi la to la, edze abe ame siwo katã le Yuda la, ɖe wova Gilgal be yewoakpee, akplɔe atso tɔsisi lae ene!" data/train/2SA/2SA_020_Verse_008.mp3,"Esi wòte ɖe eŋu la, nyɔnu la biae be, “Wòe nye Yoab la?” Yoab ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.” Nyɔnu la gblɔ be, “Ɖo to wò dɔlanyɔnu ƒe nya.” Ke Yoab be, “Mele to ɖom wò nya.”" data/train/2SA/2SA_020_Verse_005.mp3,"David gblɔ na Abisai be, “Azɔ Seba, Bikri vi awɔ nuvevi mí wu nu si Absalom wɔ. Netsɔ! Wò kple nye dɔlawo miti eyome hafi wòaɖo du aɖe si woɖo gli ƒo xlãe la me eye míaƒe asi magate ŋu asu edzi o.”" data/train/2SA/2SA_006_Verse_003.mp3,"David do dɔmedzoe ɖe Yehowa ŋu le nu si wòwɔ Uza la ta eye wòna ŋkɔ teƒe ma be “Perez Uza” si gɔmee nye, “Afi si wodo dɔmedzoe ɖe Uza ŋu le.” Ŋkɔ sia tsi teƒe la ŋu va se ɖe egbe." data/train/2SA/2SA_020_Verse_010.mp3,"Esi wòɖo eƒe fiasã me le Yerusalem la, ede se be woaɖe yeƒe ahiãvi ewo siwo yegblẽ ɖi be woakpɔ fiasã la dzi la ɖe aga, woakpɔ wo dzi le go ɖe sia ɖe me gake yemagadɔ wo gbɔ abe yeƒe ahiãviwo ene o. Ale wotrɔ zu abe ahosiwo ene va se ɖe woƒe kugbe." data/train/2SA/2SA_010_Verse_011.mp3,"Esi wogblɔ nya sia na David la, eya ŋutɔ kplɔ Israel ƒe aʋakɔ la yi Helam. Aramtɔwo ho aʋa ɖe David ŋu eye wowɔ aʋa kplii." data/train/2SA/2SA_007_Verse_015.mp3,"Ke Yehowa gblɔ na Natan le zã ma me be," data/train/2SA/2SA_015_Verse_003.mp3,Absalom kplɔ ame alafa eve ɖe asi tso Yerusalem abe eƒe amedzrowo ene ke womenya naneke tso eƒe tameɖoɖowo ŋu o. data/train/2SA/2SA_022_Verse_034.mp3,Melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi. Nyemewɔ vɔ̃ hetrɔ le nye Mawu yome o; data/train/2SA/2SA_002_Verse_022.mp3,"Ke Abner ƒe ame alafa etɔ̃ blaade (360), ame siwo tso Benyamin ƒe to la me la ku." data/train/2SA/2SA_013_Verse_012.mp3,"Amnon wɔ alea. Esi David va kpɔe ɖa la, eɖe kuku nɛ be wòaɖe mɔ na ye nɔvinyɔnu, Tamar, wòava ɖa nu na ye yeaɖu." data/train/2SA/2SA_019_Verse_034.mp3,"Meɖe kuku, na wò dɔla natrɔ adzo, ale be maku ɖe mía dedu me be mate ɖe fofonye kple danye ƒe yɔdowo ŋu. Ke wò dɔla, Kimham, nye esi; na wòakplɔ nye aƒetɔ fia la ɖo, be wòawɔ nu sia nu si nyo eye wòdze la na wò.”" data/train/2SA/2SA_012_Verse_018.mp3,ke alẽvi ɖeka pɛ koe nɔ ame dahe la ya si eye eya kple viawo kpɔa dzidzɔ le alẽvi la ŋu ŋutɔ. Ame dahe la nana alẽvi la ɖua nu le eya ŋutɔ ƒe agba me eye wònoa nu le eƒe kplu nu. Elénɛ ɖe abɔ abe via nyɔnuvie wònye ene. data/train/2SA/2SA_015_Verse_024.mp3,"Fia la gblɔ na Zadok be, “Gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me. Ne mekpɔ amenuveve le Yehowa ŋkume la, Yehowa ana magagbɔ ava kpɔe kple eƒe nɔƒe." data/train/2SA/2SA_001_Verse_003.mp3,"David bia ɖekakpui si gblɔ nya la nɛ be, “Afi ka nètso?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Amalekitɔ aɖe si nye amedzro la ƒe viŋutsue menye.”" data/train/2SA/2SA_018_Verse_003.mp3,Ame siwo bu le avea me la sɔ gbɔ wu ame siwo wowu. data/train/2SA/2SA_005_Verse_015.mp3,"Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi." data/train/2SA/2SA_013_Verse_030.mp3,"Mele be nye aƒetɔ, fia la naƒo to nya sia bena fiaviŋutsuawo katã ku o. Amnon koe ku.”" data/train/2SA/2SA_011_Verse_009.mp3,"Egblɔ na ame si wòdɔ la be, “Ne ègblɔ nya sia nya tso aʋa la ŋu la," data/train/2SA/2SA_012_Verse_020.mp3,"Ke nu ka ta magatsi nu adɔ esi wòku? Ɖe mate ŋu ana wòagbɔ agbea? Egbɔe mayi, ke eya magate ŋu atrɔ va gbɔnye o.”" data/train/2SA/2SA_007_Verse_012.mp3,Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe fiaɖuƒe nanɔ anyi ɖaa. data/train/2SA/2SA_020_Verse_002.mp3,Ale Amasa yi ɖana nyanya aʋawɔlawo gake nu sia wɔwɔ xɔ wu ŋkeke etɔ̃ si wonae. data/train/2SA/2SA_011_Verse_004.mp3,Ale Yoab ɖo Uria ɖe teƒe aɖe si te ɖe du si ŋu woɖe to ɖe afi si wònya be futɔwo ƒe aʋawɔla sesẽwo nɔ. data/train/2SA/2SA_002_Verse_032.mp3,"Yuda ƒe kplɔlawo va ɖo David fiae ɖe Yuda ƒe dukɔ ƒoƒuwo nu. Esi David se be Yabes Gileadtɔwo ɖi Saul la," data/train/2SA/2SA_013_Verse_039.mp3,"Yonadab gblɔ nɛ be, “Enyo, magblɔ nu si nàwɔ la na wò. Yi ɖamlɔ anyi eye nàwɔ abe ɖe nèdze dɔ ene. Ne fofowò va be yeakpɔ wò ɖa la, gblɔ nɛ be wòana Tamar nava wɔ nuɖuɖu aɖe na ye. Na wòanya be yeahaya ne Tamar va ɖa nu na ye.”" data/train/2SA/2SA_017_Verse_020.mp3,"Madze edzi esi ɖeɖi te eŋu eye wògbɔdzɔ. Made vɔvɔ̃ lãme nɛ ekema eŋumewo katã asi, agblẽe ɖi. Mawu fia la ɖeɖe ko," data/train/2SA/2SA_016_Verse_008.mp3,Eda kpe Fia la kple eƒe aʋafiawo kple aʋawɔla siwo katã ƒo xlãe! data/train/2SA/2SA_023_Verse_035.mp3,“Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ƒo nu to dzinye eye eƒe nya le nye aɖe dzi. data/train/2SA/2SA_011_Verse_002.mp3,"ale wòdɔ ame ɖa be woakpɔe ɖa be nyɔnu kae mahã. Amea de gbɔ va gblɔ nɛ be nyɔnu lae nye Batseba, Eliam ƒe vinyɔnu eye wònye Uria srɔ̃." data/train/2SA/2SA_002_Verse_028.mp3,"Yoab kple eƒe amewo kɔ Asahel ƒe kukua yi Betlehem eye woɖii ɖe fofoa xa. Le esia megbe la, wozɔ mɔ to zã blibo la me eye woɖo Hebron le ŋdi." data/train/2SA/2SA_013_Verse_001.mp3,"Absalom gblɔ na eƒe amewo be, “Milala va se ɖe esime Amnon namu aha, ekema ne mewɔ dzesi aɖe na mi ko la, miawui! Migavɔ̃ o, nyee nye miaƒe aƒetɔ eye esiae nye nye ɖoɖo. Milé dzi ɖe ƒo ne miawɔe!”" data/train/2SA/2SA_003_Verse_030.mp3,"ne nyemexɔ fiaɖuƒe la tso Saul ƒe aƒe me eye ne nyemeɖo David ƒe fiazikpui la gɔme anyi ɖe Israel kple Yuda dzi, tso Dan va se ɖe Beerseba o.”" data/train/2SA/2SA_003_Verse_024.mp3,"Ewɔ nɔƒe si wòkpɔ la ŋu dɔ eye wòdɔ Saul ƒe ahiãvi aɖe si woyɔna be Rizpa, si dadaa nye Aya gbɔ. Ke esi Is Boset bia gbe Abner le nuwɔna sia ŋu la," data/train/2SA/2SA_010_Verse_008.mp3,"Esi David se nya sia la, edɔ amewo woɖakpe ŋutsuawo kple gbedeasi be woatsi Yeriko va se ɖe esime woƒe ge nato elabena wodo ŋukpe wo ŋutɔ." data/train/2SA/2SA_009_Verse_009.mp3,"Mefiboset tsyɔ mo anyi gblɔ be, “Nu kae wò dɔla nye be nètsɔ ɖe le eme na nye, ame si le abe avu kuku ene?”" data/train/2SA/2SA_016_Verse_003.mp3,"Ahitofel ɖo eŋu na Absalom be, “Yi nàdɔ fofowò ƒe ahiãviwo gbɔ elabena egblẽ wo ɖe afi sia be woakpɔ fiasã la dzi. Ekema Israel blibo la anya be, èdo vlo fofowò ale gbegbe be ame aɖeke magate ŋu adzra mia dome ɖo o. Ekema ame sia ame adze yowòme.”" data/train/2SA/2SA_020_Verse_012.mp3,Fia la gblɔ na Amasa be wòaƒo Yuda ƒe aʋawɔlawo nu ƒu le ŋkeke etɔ̃ me eye wòana yeanya. data/train/2SA/2SA_017_Verse_013.mp3,eye makplɔ ame bubuawo katã vɛ na wò. Ame si dim nèle ƒe ku la anye ame bubuawo ƒe tɔtrɔ gbɔ; nuvevi mawɔ ame bubuawo dometɔ aɖeke o.” data/train/2SA/2SA_017_Verse_004.mp3,"Ame eveawo do le vudo la me eye woɖe abla yi Fia David gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Afɔ netsɔ! Tso Yɔdan tɔsisi la le zã sia me.” Wogblɔ ale si Ahitofel ɖo aɖaŋu na Absalom be wòalée, awui la hã nɛ." data/train/2SA/2SA_019_Verse_020.mp3,"Fia la gblɔ be, “Kimham atso tɔ la kplim eye mawɔ nu sia nu si nèdzro la nɛ eye mawɔ nu sia nu si nèdzro la na wò.”" data/train/2SA/2SA_001_Verse_024.mp3,"“Tete wògblɔ nam be, ‘Va, tsi tsitre ɖe gbɔnye eye nàwum! Meɖo kudo nu gake agbe gale menye ko.’" data/train/2SA/2SA_019_Verse_004.mp3,"Ame akpe ɖeka tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eŋu. Ziba, Saul ƒe subɔla kple Ziba ƒe viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve hã nɔ ame siawo dome. Woyi Yɔdan tɔsisi la to be yewoatre afi ma ɖoɖo na fia la." data/train/2SA/2SA_022_Verse_013.mp3,"elabena wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ, èna mebɔbɔ ame siwo katã tso ɖe ŋunye la ɖe anyi." data/train/2SA/2SA_003_Verse_028.mp3,Is Boset meɖo eŋu o elabena enɔ vɔvɔ̃m na Abner. data/train/2SA/2SA_022_Verse_036.mp3,Metsrɔ̃ wo gudugudu eye ɖeke magate ŋu afɔ o. Wodze anyi ɖe nye afɔ nu data/train/2SA/2SA_018_Verse_002.mp3,Ale David ƒe aʋakɔ la ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wodze aʋa la gɔme le Efraim ƒe ave la me. data/train/2SA/2SA_003_Verse_018.mp3,"Esi Abner kplɔ ame blaeve ɖe asi va David gbɔ le Hebron la, David xɔ wo nyuie eye wòɖo kplɔ̃ na wo." data/train/2SA/2SA_007_Verse_028.mp3,"Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.’ ”" data/train/2SA/2SA_019_Verse_001.mp3,"Ale ameawo katã tso Yɔdan tɔsisi la kple fia la. Fia la kpla asi kɔ na Barzilai, yrae eye Barzilai trɔ yi aƒe." data/train/2SA/2SA_014_Verse_024.mp3,"Nyɔnu la yi edzi be “Meɖe kuku, na magabia nu ɖeka wò, nye aƒetɔ fia la!” David gblɔ nɛ be, “Bia faa!”" data/train/2SA/2SA_012_Verse_011.mp3,"Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ kple laxalaxawo, fiwo kple fiawo. Ena wowɔ dɔ le kpemeƒe la hã. Ewɔ Amonitɔwo ƒe duwo katã me tɔwo alea. David kple aʋakɔ la gbugbɔ va Yerusalem." data/train/2SA/2SA_014_Verse_014.mp3,Eɖo du ɖe Yoab be wòava aɖe kuku na ye fofo na ye gake Yoab gbe meyi o. Absalom gaɖo du ɖee zi evelia eye wògagbe yiyi. data/train/2SA/2SA_018_Verse_026.mp3,"Yoab gblɔ be, “Migagblẽ ɣeyiɣi nam o.” Tete wòtsɔ akplɔ etɔ̃ ɖe asi eye wòtsɔ wo nyrɔ ɖe Absalom ƒe dzi gbɔ, le esime wònɔ nyenyem segblesegble le logoti la ƒe alɔdze ŋu." data/train/2SA/2SA_019_Verse_039.mp3,"Simei, Benyamintɔ, Gera ƒe vi, ame si tso Bahurim la ɖe abla tso tɔsisi la kple ame siwo tso Yuda be yewoado dzaa na Fia la." data/train/2SA/2SA_015_Verse_010.mp3,"David gblɔ na eƒe amewo enumake be, “Ekema mina míasi enumake hafi sisi magava nɔ mía ŋu o. Ne míesi dzo le dua me hafi Absalom va ɖo la, ekema míawo kple Yerusalem du la siaa míakpɔ ɖeɖe.”" data/train/2SA/2SA_021_Verse_007.mp3,"Esi David se nu si Rizpa, Aya ƒe vinyɔnu, Saul ƒe ahiãvi wɔ la," data/train/2SA/2SA_008_Verse_011.mp3,"Eɖu Moabtɔwo hã dzi eye wòna Moabtɔwo mlɔ anyi ɖe wo nɔewo xa le fliwo me. Etsɔ dzidzeka dzidze wo eye wòma wo ɖe akpa etɔ̃ me. Ewu ameawo ƒe akpa eve, ena akpa etɔ̃lia me tɔwo zu eƒe subɔlawo eye wòna wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe." data/train/2SA/2SA_016_Verse_015.mp3,"Husai ɖo eŋu na Absalom be, “Elabena ame si Yehowa kple Israel tia lae mewɔa dɔ na." data/train/2SA/2SA_003_Verse_015.mp3,"Emegbe, esi David se nu tso nu sia ŋu la, egblɔ be “Nye kple nye fiaɖuƒe la, míeɖi fɔ le Ner ƒe vi, Abner ƒe ʋu ŋuti le Yehowa ŋkume o yi ɖe mavɔ me." data/train/2SA/2SA_024_Verse_007.mp3,David ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ. Yehowa se eƒe gbedodoɖa eye wòna dɔvɔ̃ la nu tso. data/train/2SA/2SA_004_Verse_000.mp3,"Ale David ɖe gbe na eƒe ɖekakpuiwo eye wowu wo, wolã woƒe asiwo kple afɔwo eye wotsi woƒe kukuawo ɖe Hebron ta la to. Woɖi Is Boset ƒe ta ɖe Abner ƒe yɔdo me le Hebron." data/train/2SA/2SA_017_Verse_007.mp3,"Ekema ne mieke ɖe David ŋu la, miate ŋu atsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la ale be ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ anɔ agbe o." data/train/2SA/2SA_019_Verse_036.mp3,"Míesi ami na Absalom abe míaƒe fia ene, ke wowui le aʋa me. Ekema nu ka ta ame aɖeke madze agbagba ana Fia David natrɔ agbɔ o?”" data/train/2SA/2SA_020_Verse_006.mp3,Èle du tsitsi aɖe si me nɔlawo lɔ̃a ŋutifafa eye wowɔa nuteƒe na Israel la gbãm. Ɖe nàgblẽ nu si nye Yehowa tɔa?” data/train/2SA/2SA_002_Verse_018.mp3,"eɖo du ɖe wo be, “Yehowa nayra mi le ale si miewɔ nuteƒe na miaƒe aƒetɔ eye mieɖii kple bubu la ta." data/train/2SA/2SA_023_Verse_032.mp3,Sama ɖeka tɔ ɖe bligble la titina eye wòxɔe hewu Filistitɔwo. Yehowa na wòɖu dzi gã aɖe. data/train/2SA/2SA_019_Verse_017.mp3,"eye wòɖe kuku nɛ be, “Nye aƒetɔ kple fia, meɖe kuku na wò, tsɔ nu vɔ̃ɖi siwo mewɔ esi nèdzo le Yerusalem la kem eye nàŋlɔ wo be" data/train/2SA/2SA_024_Verse_024.mp3,"“Yi nàgblɔ na David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: mele nu etɔ̃ ɖom ŋkuwò me. Tia wo dometɔ ɖeka esi mawɔ ɖe ŋutiwò.’ ”" data/train/2SA/2SA_003_Verse_035.mp3,Womebla wò asiwo hafi o. Womede ga wò afɔwo hafi o. Èku abe ale si wokuna le ŋutasẽlawo ƒe asi me ene.” Eye ameawo katã gafa avi nɛ. data/train/2SA/2SA_019_Verse_010.mp3,"David gblɔ be, “Enyo, nye ɖoɖoe nye be wò kple Ziba miama anyigba la sɔsɔe ɖe mi ame evea dome.”" data/train/2SA/2SA_013_Verse_026.mp3,"Ke Absalom si le teƒea. Azɔ, dzɔla si le Yerusalem ƒe gli la dzi la, kpɔ ameha gã aɖe le togbɛ la ŋu wogbɔna Yerusalem." data/train/2SA/2SA_005_Verse_013.mp3,"Esi David ʋu yi Hebron la, egaɖe srɔ̃ bubuwo, egaɖo ahiãvi yeyewo eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu geɖewo." data/train/2SA/2SA_008_Verse_018.mp3,"Zadok, Ahitub ƒe vi kple Ahimelek, Abiata ƒe vi nye nunɔlawo eye Seraya nye fia la ƒe nuŋlɔla." data/train/2SA/2SA_007_Verse_017.mp3,"Mana teƒe aɖe nye amewo, Israel. Maɖo teƒe na wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame vɔ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea ene" data/train/2SA/2SA_024_Verse_000.mp3,"Ale fia la dɔ Aʋafia Yoab kple aʋafia bubuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi ne miatsa le Israel ƒe toawo katã me tso Dan va se ɖe Beerseba eye miaŋlɔ ŋutsu siwo ate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔ ne manya woƒe xexlẽme.”" data/train/2SA/2SA_022_Verse_030.mp3,"Ku ƒe ƒutsotsoewo ƒo xlãm, vɔ̃ ƒe tɔɖɔɖɔwo gbã ɖe dzinye." data/train/2SA/2SA_012_Verse_014.mp3,"Eya ta tso azɔ dzi la, yi madzo le aƒewò me o, elabena edo vlom eye nèxɔ Uria Hititɔ la srɔ̃ ɖe.’" data/train/2SA/2SA_013_Verse_023.mp3,"Eyɔ eƒe subɔla eye wògblɔ nɛ be, “He nyɔnu sia do goe le afi sia eye nàtu ʋɔa ɖe eyome.”" data/train/2SA/2SA_005_Verse_003.mp3,"Ale David ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ de dzi elabena Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ la nɔ kplii." data/train/2SA/2SA_017_Verse_001.mp3,Absalom kple Israel ƒe aʋakɔ la ƒo ƒu ɖe Gileadnyigba dzi. data/train/2SA/2SA_018_Verse_015.mp3,"Gbetakpɔla la gblɔ nɛ be, “Ame gbãtɔ ɖi Ahimaaz, Zadok ƒe vi.” Fia la ɖo eŋu be, “Ame nyuie; etsɔ nya nyui gbɔnae.”" data/train/2SA/2SA_018_Verse_017.mp3,"Ke Zadok vi Ahimaaz gagblɔ na Yoab be, “Ne nu sia nu le dzɔdzɔm hã la, maƒu du adze Kusitɔ la yome.” Yoab ɖo eŋu be, “Vinye, nu ka ta nèdzi be yeayi ɖo? Nya bubu aɖeke megali míagblɔ aɖo ɖe o eye ame aɖeke mele dɔtsɔho xe ge na wò o.”" data/train/2SA/2SA_002_Verse_002.mp3,"Abner gblɔ na Yoab be, “Mina míaƒe ɖekakpuiawo nawɔ fefe kple woƒe yiwo míakpɔ!” Yoab lɔ̃ hegblɔ bena, “Enyo, na ne woawɔe.”" data/train/2SA/2SA_011_Verse_007.mp3,David kpee ɖe fiẽnuɖukplɔ̃ ŋu eye wòna wòno aha mu gake egagbe aƒemeyiyi eye wògatsi fiasã la ƒe agbo nu dɔ. data/train/2SA/2SA_010_Verse_009.mp3,"Esi David se nya sia la, eɖo Yoab kple aʋakɔ blibo la ɖa." data/train/2SA/2SA_011_Verse_021.mp3,Ke Uria meyi aƒe me o; etsi fiasã la ƒe agbonu kple fia la ƒe subɔlawo. data/train/2SA/2SA_022_Verse_035.mp3,"“Meti nye futɔwo yome eye metsrɔ̃ wo; nyemetrɔ le wo yome o, va se ɖe esime wotsrɔ̃." data/train/2SA/2SA_010_Verse_015.mp3,"Lé dzi ɖe ƒo, eye na míawɔ aʋa la kalẽtɔe na míaƒe dukɔ kple míaƒe Mawu la ƒe duwo. Yehowa awɔ nu si nyo le eŋkume.”" data/train/2SA/2SA_011_Verse_010.mp3,Emegbe esi Batseba kpɔ be yefɔ fu la eɖo ame ɖe David hegblɔe nɛ. data/train/2SA/2SA_014_Verse_015.mp3,"Fia David de se be, “Absalom ate ŋu ayi eya ŋutɔ ƒe nɔƒe le fiasã sia me gake mekpɔ mɔ ado ɖe nye ŋkume le afi sia gbeɖe o. Nyemedi be makpɔe kura o!”" data/train/2SA/2SA_011_Verse_025.mp3,"Uria ɖo eŋu na David be, “Nubablaɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me. Nye aʋafia Yoab kple nye aƒetɔ ƒe amewo katã le gbedzi. Ɖe nye ya mayi aƒe me, ano wain, aɖu nu eye madɔ srɔ̃nye gbɔa? Meka atam be nyemaɖi fɔ to nu siawo wɔwɔ me o.”" data/train/2SA/2SA_006_Verse_020.mp3,Wokɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la da ɖe agbadɔ si David tu nɛ me eye David sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa. data/train/2SA/2SA_006_Verse_013.mp3,"Esi woɖo Nakon ƒe lugbɔƒe la, Uza do asi ɖa lé Mawu ƒe nubablaɖaka la elabena nyiawo ƒe afɔwo kli nu." data/train/2SA/2SA_022_Verse_003.mp3,Dzi ɖena le wo katã ƒo eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goe le woƒe mɔ sesẽwo me. data/train/2SA/2SA_013_Verse_024.mp3,"Fia la tsi tsitre, dze eƒe awuwo eye wòmlɔ anyigba, le konyifafa me, eŋumewo hã dze woƒe awuwo le ŋɔdzi kple konyifafa ta." data/train/2SA/2SA_002_Verse_016.mp3,eye wòɖu fia le Hebron ɖe Yuda dzi ƒe adre kple afã. data/train/2SA/2SA_013_Verse_020.mp3,"Eteƒe medidi o la, wova do henɔ avi fam. Fia la kple eŋumewo hã fa avi vevie." data/train/2SA/2SA_001_Verse_001.mp3,“Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale! Eye wowu Yonatan le wò toawo dzi. data/train/2SA/2SA_023_Verse_026.mp3,Ke woaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖe aga abe ŋutiwo wonye ene. Ŋuti si womefɔna kple asi o. data/train/2SA/2SA_023_Verse_017.mp3,"Gbe ɖeka, esime David nɔ agado me le Adulam eye Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo nɔ Refaim balime la, ame etɔ̃ tso Israelviwo ƒe aʋafia xɔŋkɔtɔ blaetɔ̃ me yi ɖakpɔe ɖa le nuŋeɣi." data/train/2SA/2SA_021_Verse_021.mp3,"Woɖo eŋu na fia la be, “Le ame si tsrɔ̃ mí eye wòɖo nugbe ɖe mía ŋu, na wowu mía dometɔ aɖewo eye teƒe aɖeke mele mía si le Israel ƒe akpa aɖeke o ta la," data/train/2SA/2SA_013_Verse_011.mp3,"Amnon gblɔ na Tamar be, “Tsɔ nuɖuɖu la va nye dɔƒe eye nàdoe nam.” Ale Tamar tsɔ nuɖuɖu la yii." data/train/2SA/2SA_008_Verse_008.mp3,Etsɔ akɔbli gbogbo aɖe hã tso Teba kple Berotai siwo nye Fia Hadadezer ƒe du gãwo la me yi Yerusalem. data/train/2SA/2SA_015_Verse_029.mp3,"Ke ne egblɔ be, ‘Nyemekpɔ ŋudzedze le ŋuwò o’ la, ekema mele klalo; newɔ nu sia nu si dze eŋu lam.”" data/train/2SA/2SA_016_Verse_004.mp3,"Ale David kplɔ eƒe amewo yi mɔzɔzɔ la dzi eye Simei hã nɔ zɔzɔm ɖe wo ŋu le togbɛa ƒe akpa kemɛ. Enɔ fi ƒom de David, nɔ kpe damii eye wònɔ ke wum ɖe yame ɖe wo ŋu." data/train/2SA/2SA_018_Verse_031.mp3,"Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ne àna klosalo akpe ɖeka teƒe akpe ɖekam hã la, nyemawui o. Mí katã míese fia la wògblɔ na wò kple Abisai kple Itai be, ‘Le tanye la, migawɔ nuvevi aɖeke vinye Absalom o.’" data/train/2SA/2SA_014_Verse_000.mp3,Absalom nɔ Yerusalem ƒe eve eye mekpɔ fia la o. data/train/2SA/2SA_007_Verse_019.mp3,Menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me! data/train/2SA/2SA_010_Verse_010.mp3,"Esi Hadadezer ƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔ be woɖu Aramtɔwo dzi la wona ta eye wozu David tenɔlawo. Tso ɣe ma ɣi la, Aramtɔwo vɔ̃na be yewoagakpe ɖe Amonitɔwo ŋu." data/train/2SA/2SA_018_Verse_019.mp3,"Le aʋa la me la, Absalom va do go David ƒe amewo. Esi Absalom nɔ eƒe tedzisɔ dzi si yina la, tedzisɔa to logoti aɖe ƒe alɔdzewo te eye eƒe taɖa ku alɔdze aɖe. Tedzisɔ la si dzo, do le ete le esime eya ŋutɔ tsi ɖe alɔdze la ŋu henɔ nyenyem segblesegble le yame." data/train/2SA/2SA_020_Verse_009.mp3,"Esi wova ɖo agakpe gã si le Gibeon gbɔ la, wodo go Amasa. Yoab do aʋawu eye adekpui si nɔ aku me la, nɔ eƒe alidziblaka ŋu. Esi wòɖe zɔ la, eɖe adekpui la le eƒe aku me." data/train/2SA/2SA_022_Verse_032.mp3,"“Mawu ya ƒe mɔwo de blibo, Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ. Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee." data/train/2SA/2SA_015_Verse_004.mp3,Absalom to mɔ sia dzi eye wòna Israelviwo katã tsɔ lɔlɔ̃ tɔxɛ nɛ. data/train/2SA/2SA_018_Verse_023.mp3,Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋawɔlawo nyanya. data/train/2SA/2SA_024_Verse_015.mp3,"Ke Fia David gblɔ na Arauna be, “Ao, nyemaxɔ nu siawo abe nunanawo ene o, elabena nyemedi be masa numevɔ la na Yehowa, nye Mawu la kple nu siwo ta nyemexe fe aɖeke ɖo o.” Ale David xe klosaloga blaatɔ̃ nɛ ɖe lugbɔƒe la kple nyitsuawo ta." data/train/2SA/2SA_013_Verse_015.mp3,"Enumake lɔlɔ̃ si wòtsɔ nɛ la trɔ zu fuléle. Amnon lé fu Tamar azɔ wu ale si wòlɔ̃e tsã. Eblu ɖe eta be, “Do go nàdzo le afi sia!”" data/train/2SA/2SA_013_Verse_021.mp3,"Etɔ tatalĩ tɔxɛ aɖe nɛ, ke esi wòɖo kplɔ̃ nɛ la, egbe nua ɖuɖu! Eɖe gbe na eƒe subɔlawo be woadzo le yewo gbɔ eye subɔlawo katã do go le xɔa me." data/train/2SA/2SA_018_Verse_010.mp3,"Fia la bia Kustɔ la be, “Vinye Absalom ɖe? Ele dediea?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, wò futɔwo katã nanɔ abe ale si ɖekakpui ma le fifia ene!”" data/train/2SA/2SA_019_Verse_030.mp3,"Ke wò dɔla atso Yɔdan tɔsisi la kpli wò, ade afɔ mɔ me na wò ʋɛe. Ke nu ka ta fia la natsɔ fetu geɖe sia nam ɖo?" data/train/2SA/2SA_014_Verse_028.mp3,"Viŋutsu eve nɔ nye, wò dɔla si. Wowɔ avu kple wo nɔewo le gbedzi; ame aɖeke menɔ afi ma alé avu wo o. Ale ɖeka wu nɔvia." data/train/2SA/2SA_013_Verse_014.mp3,David lɔ̃ eye wòɖo du ɖe Tamar be wòayi Amnon ƒe xɔ me eye wòaɖa nane nɛ. data/train/2SA/2SA_012_Verse_008.mp3,"David ɖe kuku na Mawu be wòana ɖevi la natsi agbe, egbe nuɖuɖu eye wòmlɔ anyigba ƒuƒlu le Yehowa ŋkume to zã blibo la me." data/train/2SA/2SA_022_Verse_006.mp3,"Eda eƒe aŋutrɔ eye wòkaka eƒe futɔwo, eɖo dzikedzo ɖa eye wòtɔtɔ wo." data/train/2SA/2SA_012_Verse_029.mp3,"Yoab ɖo amewo ɖa be woagblɔ na David be, “Mewɔ aʋa kple Raba eye mexɔ eƒe tsiduƒe la." data/train/2SA/2SA_015_Verse_026.mp3,"Fia la gblɔ nɛ be, “Enyo; yi nàsa vɔ la le adzɔgbe si nèɖe la nu.” Ale Absalom yi Hebron." data/train/2SA/2SA_002_Verse_015.mp3,eye eya ɖeka kplɔ Abner ɖo. Medze ɖe ɖusi alo mia me le Abner yome o. data/train/2SA/2SA_010_Verse_012.mp3,"Esime Aramtɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wogbugbɔ ƒo ƒu wo ɖokuiwo." data/train/2SA/2SA_002_Verse_004.mp3,Abner ƒe aʋawɔlawo tso Benyamin ƒe to la me ƒu asaɖa anyi ɖe to la tame. data/train/2SA/2SA_023_Verse_016.mp3,Ewu Filistitɔwo va se ɖe esime ɖeɖi te eƒe asi ŋu eye magate ŋu alé yi o; Yehowa na dziɖuɖu gã aɖee. Aʋawɔla mamlɛawo megatrɔ gbɔ o va se ɖe esime ɣeyiɣi ɖo hena afunyinuwo haha! data/train/2SA/2SA_007_Verse_013.mp3,"Èɖo wò dukɔ, Israel te be woanye tɔwòwo koŋ tegbee eye wò Yehowa nèva zu woƒe Mawu." data/train/2SA/2SA_008_Verse_002.mp3,David da asrafo aɖewo ɖe Damasko si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòayi. data/train/2SA/2SA_011_Verse_005.mp3,"David gblɔ nɛ be, “Enyo; tsi anyi zã sia eye nàtrɔ ayi aʋagbedzi etsɔ,” Ale Uria tsi fiasã la me le Yerusalem." data/train/2SA/2SA_019_Verse_005.mp3,"Azɔ, do go nàda ŋkɔ ɖe wò aʋawɔlawo dzi elabena metsɔ Yehowa ka atam be ne mèyi ɖakafu wo o la, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã matsi afi sia le zã sia me o. Ekema àxaxa azɔ wu ale si nèxaxa kpɔ le wò agbenɔnɔ blibo la me.”" data/train/2SA/2SA_006_Verse_015.mp3,"eye wòtsɔ abolo ɖeka, lãkɔ kple waintsetsebolo na ame sia ame le Israel ƒe ameha blibo la dome, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ale ame sia ame trɔ yi aƒe me." data/train/2SA/2SA_018_Verse_016.mp3,"Gbetakpɔla la hã kpɔ ame bubu; eya hã nɔ du dzi gbɔna wo gbɔ. Edo ɣli gblɔ be, “Ame bubu aɖe hã gbɔna.” Fia la ɖo eŋu be, “Ɖewohĩ eya hã anya tsɔ nya nyui aɖe gbɔnae.”" data/train/2SA/2SA_001_Verse_000.mp3,"“Ale mete ɖe eŋu hewui elabena menyae be ale si wòdze anyii la, maganɔ agbe o. Meɖe fiakuku la le ta nɛ kple abɔga si wòdo eye metsɔ wo va afii na nye aƒetɔ.”" data/train/2SA/2SA_023_Verse_012.mp3,16 David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi. data/train/2SA/2SA_011_Verse_011.mp3,"Emegbe la, David gblɔ na Uria be wòayi aɖagbɔ ɖe eme le eƒe aƒe me eye wòɖo nunana aɖe ɖee." data/train/2SA/2SA_013_Verse_000.mp3,"Absalom gblɔ be, “Enyo; ne wò ŋutɔ màte ŋu ava o hã la, màɖo nɔvinye, Amnon ɖa ɖe tewòƒe oa?” Fia la biae be, “Nu ka ta maɖo Amnon ɖa?”" data/train/2SA/2SA_006_Verse_008.mp3,David vɔ̃ Mawu eye wòbia be “Aleke Yehowa ƒe nubablaɖaka la ava aƒee?” data/train/2SA/2SA_003_Verse_026.mp3,Eƒe ʋu nava Yoab kple fofoa ƒe aƒe la katã ƒe ta dzi. Na be ame si ŋu abi makumaku alo kpodɔ le alo nuwɔamitɔ alo ame si tsi yinu loo alo dɔwuitɔ magbe Yoab ƒe aƒemenɔnɔ gbeɖe o.” data/train/2SA/2SA_002_Verse_026.mp3,Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋakɔ la yometiti. data/train/2SA/2SA_021_Verse_013.mp3,"Ke Abisai, Zeruya ƒe vi xɔ nɛ eye wòwu Isbibenɔb, Filistitɔ la. Le esia megbe la, David ƒe amewo gblɔ nɛ be, “Màgayi aʋa kpli mí azɔ o! Nu ka ta míaɖe mɔ Israel ƒe kekeli natsi?”" data/train/2SA/2SA_022_Verse_024.mp3,Eƒe sewo katã le ŋkunye me; eye nyemetrɔ le eƒe ɖoɖowo yome o. data/train/2SA/2SA_022_Verse_028.mp3,Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadza; eɖem elabena nye nu nyo eŋu. data/train/2SA/2SA_009_Verse_000.mp3,"Ale Fia David na wokplɔe tso Lo Debar vɛ tso Makir, Amiel ƒe viŋutsu, Makar ƒe aƒe me." data/train/2SA/2SA_021_Verse_003.mp3,David lɔ Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo eye wòƒo ƒu Saul ƒe vi adreawo hã ƒe ƒuwo. data/train/2SA/2SA_013_Verse_006.mp3,"Afi ka mayi kple ŋukpe gã sia? Woayɔ wò be abunɛtɔ gãtɔwo dometɔ ɖeka le Israel! Meɖe kuku, ƒo nu kple fia la, ekema aɖe mɔ na wò nàɖem.”" data/train/2SA/2SA_016_Verse_012.mp3,"Fia la bia be, “Afi ka Mefiboset le?” Ziba ɖo eŋu be, “Enɔ Yerusalem; egblɔ be, ‘Mezu fia azɔ! Egbe la maxɔ fofonye, Saul, ƒe fiaɖuƒe la!’ ”" data/train/2SA/2SA_006_Verse_009.mp3,"David ɖo eŋu be, “Yehowa, ame si tiam ɖe fofowò kple eƒe ƒome la teƒe eye wòɖom kplɔlae ɖe Israel, Yehowa ƒe amewo, nu la ŋkumee meɖu ɣe le! Eya ta mele klalo be mawɔ nu abe abunɛtɔ ene ale be maɖe nye dzidzɔkpɔkpɔ le Yehowa me afia." data/train/2SA/2SA_020_Verse_014.mp3,"Ke Amasa ƒe kukua mlɔ eƒe ʋu me le mɔa titina. Esi Yoab ƒe aʋakplɔlawo kpɔ be ameawo nɔ ƒu ƒom na ame kuku la kpɔkpɔ la, wohe ame kuku la tso mɔa dzi do ɖe gbe me eye wotsɔ awu aɖe tsyɔ edzi." data/train/2SA/2SA_018_Verse_029.mp3,"Yoab ƒe akpoxɔnutsɔla ewo, ame siwo ƒo xlã Yoab ɣe ma yi hafi la lũ ɖe Absalom dzi hewui." data/train/2SA/2SA_007_Verse_008.mp3,"“Azɔ la, gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi." data/train/2SA/2SA_015_Verse_031.mp3,"Le ƒe enelia ƒe nuwuwu la, Absalom gblɔ na Fia la be, “Na mayi Hebron eye maxe adzɔgbe aɖe si meɖe na Yehowa." data/train/2SA/2SA_019_Verse_031.mp3,"Ke Ziba gblẽ nye ŋkɔ gblɔ be, ɖe megbe koŋ be nyemava o. Ke menya be èle abe mawudɔla ene eya ta wɔ nu si nyo na wò." data/train/2SA/2SA_017_Verse_014.mp3,Husai gblɔ na nunɔla Zadok kple Abiata bena; Ale kple ale Ahitofel ɖo aɖaŋu na Absalom kple Israel ametsitsiwo kple eya ŋutɔ tɔ na nunɔlawo. data/train/2SA/2SA_023_Verse_028.mp3,"Le ɣeyiɣi bubu hã la, ewu Egiptetɔ aɖe. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui." data/train/2SA/2SA_019_Verse_014.mp3,"Èle fiafiam be yelɔ̃ ame siwo lé fu ye eye yelé fu ame siwo lɔ̃ ye. Edze abe míexɔ asi le gbɔwò kura o ene. Nenye ɖe Absalom le agbe eye mí katã míeku la, anye ne àkpɔ dzidzɔ." data/train/2SA/2SA_012_Verse_010.mp3,"David ʋu eme nublanuitɔe na Natan be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.” Natan ɖo eŋu be, “Ɛ̃, gake Yehowa tsɔe ke wò eye màku le nu vɔ̃ sia ta o" data/train/2SA/2SA_001_Verse_008.mp3,"David yi edzi be, “Nya kae dzɔ? Gblɔe nam.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Aʋa si ameawo eye wo dometɔ geɖewo ku. Saul kple via Yonatan hã ku.”" data/train/2SA/2SA_006_Verse_023.mp3,"Ɛ̃, melɔ̃ be magawɔ ɖokuinye abunɛtɔ gã aɖe wu esia gɔ̃ hã, ke nyɔnuvi siwo ŋu nèƒo nu le la agade bubu ŋunye wu esia.”" data/train/2SA/2SA_017_Verse_006.mp3,"Egblɔ na wo be, “Afɔ netsɔ! Midi David enumake eye miagblɔ nɛ be, meganɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe le zã sia me o ke boŋ ele be wòatso tɔsisi la enumake ayi gbedzi le tɔsisi la godo. Ne mewɔ alea o la, eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ la katã atsrɔ̃.”" data/train/2SA/2SA_015_Verse_021.mp3,"Eŋumewo ka ɖe edzi nɛ be, “Míeli kpli wò; wɔ nu si nyo na wò, míaƒe aƒetɔ fia.”" data/train/2SA/2SA_022_Verse_005.mp3,Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime; dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo. data/train/2SA/2SA_015_Verse_027.mp3,"Ke esi wònɔ afi ma la, eɖo ŋkutsalawo ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe me be woagblɔ na amewo be; “Ne miese kpẽwo ƒe ɖiɖi ko la, mianya be wotsɔ Absalom ɖo fiae le Hebron.”" data/train/2SA/2SA_012_Verse_024.mp3,"metsɔ eƒe fiasã, srɔ̃awo, eƒe fiaɖuƒe, Israel kple Yuda siaa na wò. Magate ŋu ana nu geɖewo wò wu ne esiawo mesɔ gbɔ na wò o." data/train/2SA/2SA_023_Verse_003.mp3,"Ale aʋafia etɔ̃ siawo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume," data/train/2SA/2SA_005_Verse_006.mp3,"Azɔ la, Hiram, Tiro fia dɔ dɔlawo ɖo ɖe David. Etsɔ sedatiwo, gliɖolawo kple atikpalawo kpe ɖe wo ŋuti eye wotu fiasã na David." data/train/2SA/2SA_010_Verse_002.mp3,Amonitɔwo va nɔ woƒe dua ƒe agbo nu hena aʋawɔwɔ le esime Aramtɔwo tso Zoba kple Rehob kple ame siwo tso Tob kple Maaka nɔ wo ɖokui si le gbedzi. data/train/2SA/2SA_006_Verse_021.mp3,"Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu heƒoe ƒu anyi wòku enumake ɖe mabumabu nu si wòwɔ la ta, ale wòku le Mawu ƒe nubablaɖaka la xa." data/train/2SA/2SA_013_Verse_008.mp3,Ale subɔla la hee do goe eye wòtu ʋɔ la ɖe eyome. Edo awu ʋlaya nyui aɖe si fiavinyɔnu siwo menya ŋutsu haɖe o la dona. data/train/2SA/2SA_017_Verse_012.mp3,"Esi Husai va ɖo la, Absalom gblɔ nya si Ahitofel gblɔ la nɛ eye wòbia Husai be, “Aleke nèbu tso ɖoɖo sia ŋu? Ɖe míazɔ ɖe Ahitofel ƒe aɖaŋu nua? Ne mèda asi ɖe edzi o la, ekema gblɔ nu si nèbu be míawɔ la na mí.”" data/train/2SA/2SA_017_Verse_016.mp3,"Ke Absalom gblɔ be, “Mina míabia Husai, Arkitɔ la, nu si wòbu tso ɖoɖo sia ŋu.”" data/train/2SA/2SA_008_Verse_004.mp3,David tsɔ sikakpoxɔnu siwo ŋu dɔ Fia Hadadezer ƒe aʋakɔwo wɔ la va Yerusalem. data/train/2SA/2SA_022_Verse_027.mp3,"“Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la si me, èkpɔ tanye abe dukɔwo ƒe fia ene; eye ame siwo nyemenya o la dzie meɖu fia ɖo." data/train/2SA/2SA_019_Verse_016.mp3,"Esi wòtso Yerusalem va be yeakpe fia la la, fia la biae be, “Nu ka ta mèyi kplim o, Mefiboset?”" data/train/2SA/2SA_014_Verse_012.mp3,"“Eya ta meva be magblɔ nya sia na nye aƒetɔ, fia la elabena ameawo le vɔvɔ̃ dom nam. Wò subɔla bu be, ‘Maƒo nu kple fia la kpɔ; ɖewohĩ awɔ nu si eƒe subɔla la abia." data/train/2SA/2SA_019_Verse_018.mp3,"Eɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ kple nye fia, nye subɔla Zibae blem. Megblɔ nɛ be, bla akpa na nye tedzi nam ale be mate ŋu ayi kple fia la! Wò ŋutɔ ènya be tekunɔe menye." data/train/2SA/2SA_001_Verse_017.mp3,"Nɔvinye Yonatan, tɔwò le veyem elabena èxɔ asi nam vevie ŋutɔ. Wò lɔlɔ̃ nam de to ŋutɔ ede to wu nyɔnuwo ƒe lɔlɔ̃ gɔ̃ hã." data/train/2SA/2SA_020_Verse_019.mp3,"Nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Wonɔ nya aɖe gblɔm tsã be, ‘Ne èdi be yeawu nyahehe aɖe nu la, ekema bia aɖaŋu le Abel,’ elabena míeɖoa aɖaŋu nyui na ame ɣe sia ɣi." data/train/2SA/2SA_012_Verse_007.mp3,"David fɔ le anyigba, le tsi, vu ɖa, ɖɔli awu eye wòyi ɖasubɔ le Yehowa ƒe aƒe me. Le esiawo megbe la, etrɔ va fiasã la me, bia be woaɖa nu na ye eye wòɖu nua nyuie." data/train/2SA/2SA_012_Verse_012.mp3,Ele be wòatsɔ alẽ ene aɖo ɖeka si wòfi la teƒe le eƒe nublanuimakpɔmakpɔ ta.” data/train/2SA/2SA_012_Verse_016.mp3,gake èna mɔnukpɔkpɔ gã aɖe Yehowa ƒe futɔwo be woado vlo Yehowa eye woagblɔ busunyawo ɖe eŋu eya ta viwò la aku.” data/train/2SA/2SA_005_Verse_022.mp3,"Ne èse gbeɖiɖi aɖe le atiawo tame abe asrafowoe le azɔli zɔm ene la, ekema nàdze wo dzi. Esiae anye dzesi na wò be Yehowa dze ŋgɔ na wò be nàtsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo.”" data/train/2SA/2SA_010_Verse_014.mp3,"Ke Aramtɔwo gasi le Israelviwo nu. David wu Aramtɔwo ƒe sɔdola alafa adre (700) kple afɔzɔla akpe blaene (40,000). Ede abi woƒe aʋafia, Sobak hã ŋu wòku le afi ma." data/train/2SA/2SA_002_Verse_006.mp3,"Ale David kplɔ srɔ̃awo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi tso Karmel," data/train/2SA/2SA_024_Verse_002.mp3,"Arauna gblɔ na David be, “Nye aƒetɔ fia, wɔ nu sia nu si hiã wò la ŋu dɔ faa. Nyitsuwoe nye esiawo na numevɔsa; àte ŋu awɔ lugbɔnuwo kple nyitsuwo ƒe kɔkutiwo ŋu dɔ hena dzododo ɖe vɔsamlekpui la dzi." data/train/2SA/2SA_015_Verse_012.mp3,David zɔ mɔ si ɖo ta Amito la dzi henɔ avi fam. Etsyɔ nu ta eye wòɖe afɔ ƒuƒlu abe konyifafa ƒe dzesi ene. Eŋumewo hã tsyɔ nu ta henɔ avi fam le esime wonɔ to la liam. data/train/2SA/2SA_009_Verse_004.mp3,"David yɔ Saul ƒe subɔla Ziba eye wògblɔ nɛ be, “Metsɔ nu sia nu si nye Saul kple eƒe ƒomea tɔ la na wò aƒetɔ Saul ƒe tɔgbuiyɔvi." data/train/2SA/2SA_020_Verse_022.mp3,Seve nye nuŋlɔla eye Zadok kple Abiata nye nunɔlawo. data/train/2SA/2SA_016_Verse_019.mp3,"Nu ka ta nyemawɔ nenema o? Mekpe ɖe fofowò ŋu. Azɔ la, makpe ɖe ŋuwò.”" data/train/2SA/2SA_002_Verse_000.mp3,"Abner do ɣli gblɔ na Yoab be, “Ɖe míatsɔ míaƒe yiwo anɔ mía nɔewo wuwu dzi ɖaa? Ɣe ka ɣie nàna wò amewo nagbugbɔ le wo nɔviwo yome?”" data/train/2SA/2SA_002_Verse_007.mp3,Ame sia ame lé nɔvia ƒe ɖa eye wòtɔ yi axadame na nɔvia. Ale wo katã ku. Woyɔa teƒe ma le Gibeon va se ɖe egbe be “Yi ƒe gbedzi.” data/train/2SA/2SA_014_Verse_030.mp3,"Yoab mlɔ anyigba le fia la ŋkume eye wòyra fia la hegblɔ be, “Nye aƒetɔ fia, egbe nye wò dɔla medze sii mlɔeba be èlɔ̃m elabena èlɔ̃ ɖe nu si mebia wò la dzi!”" data/train/2SA/2SA_002_Verse_030.mp3,"Yoab trɔ le Abner yome eye ekple eƒe amewo hã trɔ yi aƒe. Esi wòxlẽ eƒe amewo kpɔ la, ede dzesii be ame wuiasiekɛ koe tsi aʋa hekpe ɖe Asahel ŋu." data/train/2SA/2SA_013_Verse_037.mp3,"Xɔlɔ̃ dzeaye aɖe nɔ Amnon si; eŋkɔe nye Yonadab, ame si nye David nɔviŋutsu, Simea ƒe vi." data/train/2SA/2SA_002_Verse_001.mp3,"Abner gado ɣli gblɔ nɛ be, “Dzo le afi sia. Ne mewu wò la, nyemate ŋu anɔ te ɖe nɔviwò Yoab nu o.”" data/train/2SA/2SA_022_Verse_046.mp3,"Wò, Yehowa, wòe nye nye akaɖi! Ènana nye viviti trɔna zua kekeli." data/train/2SA/2SA_017_Verse_025.mp3,Yonatan kple Ahimaaz nɔ En Rogel ale be amewo makpɔ wo ne woge ɖe dua me alo wodo go le dua me o. Wowɔ ɖoɖo kple nyɔnudɔla aɖe be wòayi aɖagblɔ nya si woagblɔ na David la na wo. data/train/2SA/2SA_014_Verse_021.mp3,"Mí katã míele kuku ge, mlɔeba la míaƒe agbe le abe tsi si wotrɔ kɔ ɖe anyigba ene, womagate ŋu aklui o. Ke Mawu ayra wò kple agbe didi wu, ne àto mɔ aɖe nu ana viwò Absalom nagbɔ va aƒe." data/train/2SA/2SA_019_Verse_006.mp3,"Azɔ la, Barzilai nye amegãɖeɖi aɖe: exɔ ƒe blaenyi. Ekpɔ fia la dzi le esime wònɔ Mahanaim elabena enye hotsuitɔ gã aɖe ŋutɔ." data/train/2SA/2SA_007_Verse_006.mp3,"Azɔ la, dukɔ kae le abe wò dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo kpe woƒe mawuwo le wò dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ." data/train/2SA/2SA_004_Verse_004.mp3,elabena ame siwo tso Beerot la si yi Gitaim eye wonɔ afi ma abe amedzrowo ene va se ɖe egbe. data/train/2SA/2SA_011_Verse_026.mp3,Yoab ɖo du ɖe David tso aʋa la ƒe yiyime ŋuti. data/train/2SA/2SA_018_Verse_020.mp3,"Ne magbe nyemawɔ fia la ƒe gbe dzi o eye mawu via la, fia la ava nya ame si wu via kokoko eye wòe anye ame gbãtɔ si atsɔ nya ɖe ŋunye.”" data/train/2SA/2SA_012_Verse_009.mp3,"David ɖo eŋu be, “Metsi nu dɔ eye mefa avi esi ɖevia nɔ agbe elabena megblɔ be, ‘Ɖewohĩ Yehowa ave nunye eye wòana ɖevia natsi agbe.’" data/train/2SA/2SA_002_Verse_009.mp3,"Azɔ la, Yoab kple Abisai ti Abner yome. Ɣe la nɔ to ɖom esi wova ɖo Ama togbɛ la gbɔ le Gia lɔƒo le mɔ si yi Gibeon gbegbe la dzi." data/train/2SA/2SA_012_Verse_017.mp3,"“Gbe ɖeka la, amedzro aɖe va dze kesinɔtɔ la. Le esime kesinɔtɔ la nalé alẽ ɖeka tso eya ŋutɔ ƒe alẽ gbogboawo dome awu na amedzroa teƒe la, elé ame dahe la ƒe alẽ ɖeka ma, wui eye wòtsɔe ɖa nue na amedzro la.”" data/train/2SA/2SA_014_Verse_010.mp3,"Esi nyɔnu la ɖo fia la gbɔ la, emlɔ anyigba, tsyɔ mo anyi le fia la ŋkume eye wòdo ɣli be, “Oo, fia, nyo nam!”" data/train/2SA/2SA_007_Verse_001.mp3,"Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?” ’" data/train/2SA/2SA_014_Verse_008.mp3,"Ekoa eƒe taɖa zi ɖeka pɛ ko le ƒe blibo ɖeka me. Nu si ta ko wòkonɛ zi ɖeka ma hãe nye be taɖa la tona ʋutuu, eye ne edae la ekpena kilogram etɔ̃ sɔŋ eye wòkpena le ta nɛ akpa." data/train/2SA/2SA_019_Verse_041.mp3,"Wode asi nyahehe me le wo ɖokuiwo dome henɔ gbɔgblɔm be, “Fia David ɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me. Eɖe mí tso Filistitɔwo ƒe asi me, ke azɔ la esi le Absalom nu eye wòdzo le anyigba la dzi." data/train/2SA/2SA_021_Verse_008.mp3,"eyi ɖaxa Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo le Yabes Gileadtɔwo gbɔ. Yabes Gileadtɔwo fi wo le ablɔ me le Bet Sean, afi si Filistitɔwo tsi woƒe kukuawo ɖo le gbe si gbe wowu Saul le Gilboa to la dzi." data/train/2SA/2SA_016_Verse_022.mp3,"Yehowa xe fe na wò ɖe ʋu siwo katã nèkɔ ɖe anyi le Saul, ame si teƒe nèle fia ɖum le la ƒe aƒe me eya ta Yehowa xɔ fiaɖuƒe la na viwò Absalom. Ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me elabena ènye hlɔ̃dola!”" data/train/2SA/2SA_008_Verse_016.mp3,"tso Edom kple Moab, Amonitɔwo kple Filistitɔwo kple Amalekitɔwo gbɔ ene. Ekɔ nu siwo wòha tso Hadadezer, Rehob ƒe vi, Zoba fia hã gbɔ la ŋu na Yehowa." data/train/2SA/2SA_011_Verse_027.mp3,"ɖewohĩ ado dɔmedzoe abia wò be, ‘Nu ka ta miegogo du la nenema le aʋa la wɔwɔ me? Ɖe mienya be woada aŋutrɔwo tso gli la dzi oa?" data/train/2SA/2SA_002_Verse_013.mp3,Exɔ ƒe blaene hafi woɖoe fiae eye wòɖu Israel dzi ƒe eve. Ke Yuda ƒe viwo nɔ David yome data/train/2SA/2SA_015_Verse_030.mp3,"Ke ne ètrɔ yi dua me eye nègblɔ na Absalom be, ‘O fia, menye fofowò ƒe subɔla tsã, ke azɔ la, manye wò subɔla’ la, ekema àte ŋu akpe ɖe ŋunye to Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo me gbegblẽ me." data/train/2SA/2SA_011_Verse_015.mp3,"Esi Uria va ɖo la, David bia gbee tso Yoab kple aʋakɔ la kple aʋa la ƒe yiyi me ŋuti." data/train/2SA/2SA_005_Verse_009.mp3,David xɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòzu fia. Eɖu fia ƒe blaene. data/train/2SA/2SA_018_Verse_024.mp3,Woda Absalom ƒe kukua ɖe do globo aɖe me le avea me eye woli kɔ kpe geɖewo ɖe edzi. Israel ƒe aʋawɔlawo si yi woƒe aƒewo me. data/train/2SA/2SA_003_Verse_023.mp3,"Esi wògblɔ na Yoab be Abner, Ner vi, va kpɔ Fia la ɖa eye wòtrɔ dzo dedie le ŋutifafa me eteƒe medidi o la," data/train/2SA/2SA_007_Verse_026.mp3,"“Oo Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, èɖe esia fia wò dɔla be, ‘Matu xɔ na wò.’ Eya ta dzi ɖo wò dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na wò." data/train/2SA/2SA_013_Verse_036.mp3,"Tamar dze awu la le eɖokui ŋuti, lɔ dzowɔ kɔ ɖe tame, kpla asi ta, henɔ avi fam kple ɣli eye wòdzo." data/train/2SA/2SA_015_Verse_002.mp3,"Absalom gblɔna be, “Mekpɔ be wò nya dzɔ; evem ŋutɔ be ame aɖeke mele Fia la ŋu si akpe ɖe eŋu le nya siawo dɔdrɔ̃ me o.”" data/train/2SA/2SA_013_Verse_018.mp3,"Esi wonɔ mɔa dzi la, David se be, “Absalom wu fia la ƒe viwo katã eye wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mesusɔ o.”" data/train/2SA/2SA_022_Verse_051.mp3,Yehowa ɖe gbe tso dziƒo; eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe. data/train/2SA/2SA_019_Verse_042.mp3,"Yoab yi Fia la gbɔ le eƒe xɔ me eye wògblɔ nɛ be, “Míeɖe wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo ƒe agbe egbe, ke èle nu wɔm ale eye nèna ŋukpe lé mí abe vo aɖee míeda ene." data/train/2SA/2SA_013_Verse_005.mp3,"Absalom yi nya la ƒoƒo ɖe fia la nu dzi va se ɖe esime wòlɔ̃ eye wòna via ŋutsuwo katã, ame siwo dome Amnon hã nɔ la yi." data/train/2SA/2SA_010_Verse_006.mp3,"Esi Amonitɔwo kpɔ be Aramtɔwo nɔ sisim la, woawo hã lé du tsɔ le Abisai ŋgɔ eye woɖage ɖe du la me eya ta Yoab trɔ dzo yi Yerusalem." data/train/2SA/2SA_022_Verse_000.mp3,"Ame si dza le eƒe dzi me la, èɖea ɖokuiwò fianɛ be èdza eye nèfiaa ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu." data/train/2SA/2SA_011_Verse_000.mp3,Ale ame dɔdɔ la yi Yerusalem eye wògblɔ nya la na David. data/train/2SA/2SA_009_Verse_003.mp3,"David gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, elabena mave nuwò vavã le fofowò, Yonatan ta. Magbugbɔ tɔgbuiwò, Saul, ƒe anyigbawo katã ana wò eye àɖu nu gbe sia gbe le nye kplɔ̃ ŋuti.”" data/train/2SA/2SA_007_Verse_024.mp3,"“Oo Aƒetɔ Yehowa, èlolo loo! Ame aɖeke mele abe wò ene o eye mawu bubu aɖeke meli o, negbe wò, Mawu ko, abe ale si míesee kple míaƒe towo ene." data/train/2SA/2SA_017_Verse_018.mp3,"Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, David va ɖo Mahanaim. Absalom ƒo Israel dukɔ blibo la nu ƒu eye wòkplɔ ameawo wonɔ tɔsisi la tsom." data/train/2SA/2SA_022_Verse_015.mp3,"“Ena dziɖuɖu geɖe eƒe fia la, eye wòvea eƒe amesiamina David kple eƒe dzidzimeviwo nu tegbee.”" data/train/2SA/2SA_020_Verse_001.mp3,"Ale Abisai kple Yoab kple ame ɖeka tso Yoab ƒe aʋawɔlawo dome kple fia la ŋutɔ ŋudzɔla dze Seba, Bikri vi la yome." data/train/2SA/2SA_008_Verse_006.mp3,"Esi Aramtɔwo tso Damasko va be yewoakpe ɖe Zoba fia Hadadezer ŋu la, David wu wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-eve (22,000)." data/train/2SA/2SA_016_Verse_011.mp3,"Esi David xɔlɔ̃, Husai, Arkitɔ la va ɖo la, eyi Absalom gbɔ enumake eye wòdo gbe nɛ be, “Fia nenɔ agbe tegbee. Fia nenɔ agbe tegbee!”" data/train/2SA/2SA_010_Verse_000.mp3,"Ale Hanun lé David ƒe amewo, ƒlɔ ge afãafã na wo eye wòlã woƒe awuwo ɖe woƒe gɔnu. Ale Hanun do mɔ ameawo." data/train/2SA/2SA_018_Verse_027.mp3,"Yoab gblɔ na ŋutsu aɖe si tso Kus be, “Yi nàgblɔ nu si nèkpɔ la na fia la.” Ŋutsu la de ta agu eye wòdzo." data/train/2SA/2SA_010_Verse_001.mp3,Ale Yoab kple eƒe aʋakɔwo lũ ɖe Aramtɔwo dzi be woakpe aʋa kpli wo eye Aramtɔwo si le wo nu. data/train/2SA/2SA_002_Verse_011.mp3,"be wòaɖu fia ɖe Gilead, Asuri, Yezreel, Efraim, Benyamin kple Israel ƒe akpa bubuawo keŋ dzi." data/train/2SA/2SA_004_Verse_002.mp3,"be esi ame aɖe gblɔ nam be Saul ku eye yee wui kple susu be dzidzɔnya aɖe gblɔm yele nam la, mewui le Ziklag. Nenemae mexe fe nɛ ɖe eƒe dzidzɔnya la tae nye esi!" data/train/2SA/2SA_014_Verse_019.mp3,"Fia la yi edzi be, “Mègatsi dzi le akpa ma ŋu o. Ne ame aɖe melɔ̃ ɖe edzi o la, kplɔe vɛ nam. Meka ɖe edzi na wò be magagblɔ nya aɖeke o!”" data/train/2SA/2SA_007_Verse_011.mp3,"David gblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Nye ya mele sedatifiasã nyui sia me le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la le agbadɔ me.”" data/train/2SA/2SA_007_Verse_025.mp3,"Oo, Aƒetɔ Yehowa, Mawue nènye! Wò nyawo le eteƒe eye nètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na wò dɔla." data/train/2SA/2SA_020_Verse_016.mp3,"Ke nyɔnu nyanu aɖe tso dua me yɔ Yoab gblɔ nɛ be, “Va afii, na míaɖo dze.”" data/train/2SA/2SA_015_Verse_008.mp3,Ale Zadok kple Abiata gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me eye wotsi afi ma. data/train/2SA/2SA_017_Verse_024.mp3,"Tete Absalom kple Israelviwo katã gblɔ be, “Husai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Ahitofel tɔ.” Esia va eme elabena Yehowa ɖo be, yeagblẽ Ahitofel ƒe aɖaŋu, si nye nyuitɔ boŋ hafi la me ale be yeahe dzɔgbevɔ̃e va Absalom dzi." data/train/2SA/2SA_001_Verse_020.mp3,"“Oo, mi Gilboa towo, zãmu alo tsi magadza ɖe mia dzi o, eye miaƒe anyigbawo magawɔ nuku o. Elabena afi ma, wodo gu kalẽtɔ ƒe akpoxɔnu le, Saul ƒe akpoxɔnu le abe ɖe womegasi ami ɖe eŋu o ene." data/train/2SA/2SA_024_Verse_018.mp3,"Matsɔ wo katã na wò faa. Yehowa, wò Mawu la naxɔ wò vɔsa.”" data/train/2SA/2SA_015_Verse_016.mp3,"Esi wò subɔla nɔ Gesur le Aram la, meɖe adzɔgbe be, ‘Ne Yehowa akplɔm maɖo Yerusalem la, masubɔ Yehowa le Hebron.’ ”" data/train/2SA/2SA_014_Verse_006.mp3,"Azɔ la, ƒometɔ mamlɛawo le biabiam be maɖe asi le esi wu nɔvia la ŋu ne woawu eya hã le ale si wòwu nɔvia la ta. Ne mewɔ woƒe gbe dzi la, viŋutsu aɖeke maganɔ asinye o, ekema srɔ̃nye ƒe ŋkɔ abu le anyigba dzi.”" data/train/2SA/2SA_013_Verse_034.mp3,"Tamar de asi avifafa me hegblɔ be, “Ne ègbem la, evɔ̃ɖi wu nu si nèwɔ kplim gɔ̃ hã.” Ke Amnon meɖo to Tamar ƒe nya siawo o." data/train/2SA/2SA_001_Verse_027.mp3,"Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Menɔ Gilboa to la dzi eye mekpɔ Saul wòtɔ eɖokui ɖe eƒe akplɔ nu le esime futɔwo ƒe tasiaɖamwo nɔ to ɖem ɖee." data/train/2SA/2SA_018_Verse_008.mp3,"Edo ɣli gblɔ nya la na David. Fia la ɖo eŋu be, “Nenye eya ɖekae la, ekema nya aɖe le esi.” Esi dɔla la te ɖe wo ŋu la." data/train/2SA/2SA_022_Verse_048.mp3,Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe gake Yehowa nye nye kpeɖeŋutɔ. data/train/2SA/2SA_024_Verse_010.mp3,"Esi mawudɔla la do eƒe asi ɖa be yeatsrɔ̃ Yerusalem la, dzɔgbevɔ̃e la ve Yehowa eye wògblɔ na mawudɔla si le nu gblẽm le ameawo dome la be, “Enyo gbɔ! Ɖe wò asi ɖa.” Yehowa ƒe dɔla la ɖo Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe le ɣe ma ɣi me." data/train/2SA/2SA_008_Verse_000.mp3,"Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo. Esi wòtrɔ gbɔ la, ewu Siriatɔ akpe wuienyi (18,000) le Dze Balime" data/train/2SA/2SA_002_Verse_010.mp3,"Aʋakɔ eveawo de asi aʋawɔwɔ me azɔ eye hafi zã nado la, Yoab kple David ƒe amewo ɖu Abner kple eƒe amewo tso Israel dzi." data/train/2SA/2SA_019_Verse_021.mp3,"Fia la gblɔ na Barzilai be, “Tso tɔsisi la kplim eye nàva nɔ Yerusalem; makpɔ dziwò le afi ma.”" data/train/2SA/2SA_014_Verse_001.mp3,"Absalom ɖo eŋu be, “Elabena medi be nàbia fia la nam be, nu ka ta wòkplɔm gbɔe tso Gesur ne medi be yeakpɔm o? Anye ne manɔ afi ma hafi. Na maƒo nu kple fia la eye ne ekpɔ be mewu ame la, wòawum.”" data/train/2SA/2SA_009_Verse_006.mp3,"Fia la biae be, “Afi ka wòle?” Ziba ɖo eŋu be, “Ele Amiel ƒe vi Makir ƒe aƒe me le Lo Debar.”" data/train/2SA/2SA_007_Verse_018.mp3,"Manye fofo nɛ eye eya hã anye vi nam. Ne ewɔ nu vɔ̃ la, mawɔ dukɔ bubuwo ŋu dɔ atsɔ ahe to nɛ," data/train/2SA/2SA_023_Verse_029.mp3,"Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene." data/train/2SA/2SA_016_Verse_005.mp3,"Ale wotu agbadɔ aɖe ɖe fiasã la ƒe xɔta ƒe gbadzaƒe, afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ nu le. Absalom yina ɖadɔa fofoa ƒe ahiãviwo gbɔ le agbadɔ la me le Israel blibo la ŋkume." data/train/2SA/2SA_011_Verse_019.mp3,"Gbe ɖeka le ɣetrɔ me la, David fɔ eye wòɖi tsa le eƒe fiasã la ƒe xɔta ƒe gbadzaƒe. Ekpɔ nyɔnu aɖe si dze tugbe ŋutɔŋutɔ wònɔ tsi lem," data/train/2SA/2SA_023_Verse_038.mp3,"“Ɖe nye aƒe mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume oa? Ɖe mebla nu mavɔ si le dedie la kplim oa? Ɛ̃, ebla nu si meʋãna o la kplim. Ɖe mana nye ɖeɖekpɔkpɔ nava eme eye wòana nu sia nu si nye dzi di la, nasu asinye oa?" data/train/2SA/2SA_003_Verse_008.mp3,"Ale wo katã wova eye woƒoe ɖe David nu be wòaɖu nane esi zã medo haɖe o. Ke David ka atam be, “Mawu nafiam, agafiam ɖe edzi ne made abolo alo nu bubu aɖe nu me hafi ɣe naɖo to!”" data/train/2SA/2SA_018_Verse_013.mp3,"Fia la gblɔ na Yoab, Abisai kple Itai be, “Mixa ɖe tanye ne miakpɔ nublanui na vinye Absalom.” Aʋawɔlawo katã se nya si fia la gblɔ na wo." data/train/2SA/2SA_011_Verse_023.mp3,"Mieɖo ŋku ale si wowu Abimelek, Yerub Beset ƒe vi, la dzi oa? Nyɔnu aɖee ɖe asi le wɔtutevi ŋu tso gli la dzi wòwui le Tebez. Nu ka ta miegogo gli la nenema?’ Ne Fia la bia nya siawo wò la, gblɔ nɛ be, ‘Wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la hã.’ ”" data/train/2SA/2SA_001_Verse_026.mp3,"“Yonatan ƒe aŋutrɔ metrɔ gbɔ ƒuƒlu eye Saul ƒe yi metrɔ gbɔ numagblemagblẽ tso aʋatsilawo ƒe ʋu me kple kalẽtɔwo ƒe ŋutilã ŋu o," data/train/2SA/2SA_001_Verse_016.mp3,"“Migagblɔe le Gat o; migaɖe gbeƒãe le Askelon ƒe ablɔwo dzi o. Ne menye nenema o la, Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo akpɔ dzidzɔ eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo atso aseye." data/train/2SA/2SA_015_Verse_033.mp3,Matɔ ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe va se ɖe esime mese nya aɖe tso gbɔwò. Na manya nu si le dzɔdzɔm le Yerusalem hafi mabu ɖe gbegbe la.” data/train/2SA/2SA_022_Verse_038.mp3,"“Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu, eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me." data/train/2SA/2SA_019_Verse_024.mp3,"Fia la tso eye wòyi ɖanɔ dua ƒe agbonu. Esi amewo se be, “Fia la nɔ anyi ɖe dua ƒe agbonu” la, wo katã va ƒo ƒu ɖe eŋu. Le ɣeyiɣi sia me la, Israel ƒe aʋawɔlawo katã ka hlẽ: ame sia ame yi eya ŋutɔ ƒe aƒe me." data/train/2SA/2SA_018_Verse_025.mp3,"Yoab biae be, “Nyateƒea? Èkpɔe le afi ma hafi mèwui oa? Nenye ɖe nèwui la, anye ne mana klosalo ewo kple alidziblaka ewo wò.”" data/train/2SA/2SA_022_Verse_043.mp3,Tete anyigba dzo nyanyanya eye wòʋuʋu; dziƒo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye eye wodzo kpekpekpe elabena dzi kui. data/train/2SA/2SA_015_Verse_023.mp3,"Fia la gblɔ na Itai, Gititɔ la be, “Nu ka ta nànɔ mía dome? Trɔ nàyi aɖanɔ Absalom ŋu. Amedzroe nènye, ame si si dzo le mia de." data/train/2SA/2SA_015_Verse_013.mp3,"David ɖo eŋu be, “Enyo, miva míyi.” Ale Itai kple eƒe ame alafa adeawo kple woƒe aƒemetɔwo yi kpli wo." data/train/2SA/2SA_001_Verse_019.mp3,"“Oo, Israel, wò ŋutikɔkɔe Nye ekema wowu ɖe wò towo dzi. Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale!" data/train/2SA/2SA_006_Verse_005.mp3,"David hã yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo. Mixal va do goe eye wògblɔ na David fewuɖutɔe be, “Israel fia la de bubu gã aɖe ŋutɔ eɖokui ŋu egbe! Eɖe eɖokui fia nyɔnuviwo le ablɔ dzi abe yakame gbɔlo aɖe ene!”" data/train/2SA/2SA_014_Verse_011.mp3,"Ewɔ nu sia, ale be yeatsɔ nya la aɖo wò ŋkume to mɔ bubu dzi. Ke wò nye aƒetɔ, ènyaa nu abe mawudɔla ene eye nènya nu sia nu si dzɔna!”" data/train/2SA/2SA_003_Verse_001.mp3,Abner dɔ amewo ɖe David gbɔ be woagblɔ nɛ be yeaɖe asi le Israel ƒe fiaɖuƒe ŋu nɛ ale be wòawɔ ye yeazu aʋafia gã anɔ Israelʋakɔ la kple Yudaʋakɔ la ƒe ƒuƒoƒo nu. data/train/2SA/2SA_022_Verse_029.mp3,"“Ke meyɔ Yehowa le nye xaxa me, medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me." data/train/2SA/2SA_006_Verse_016.mp3,"Ne ame siwo kɔ nubablaɖaka la ɖe afɔ zi ade la, wotɔna, lalana eye David tsɔa nyitsu ɖeka kple alẽvi dami ɖeka saa vɔe." data/train/2SA/2SA_006_Verse_001.mp3,Ale Israel kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va aƒee kple aseyetsotso kple kpẽkuku geɖe. data/train/2SA/2SA_006_Verse_011.mp3,"Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me" data/train/2SA/2SA_014_Verse_013.mp3,"eɖo du ɖe nyɔnu nyanu aɖe si nɔ Tekoa. Esi nyɔnu la va la, Yoab gblɔ nɛ be, “Wɔ abe ɖe nèle konyi fam ene eye nàta funyivɔ. Mègavu ɖa o; wɔ ɖokuiwò abe nyɔnu si le fu nyim ɣeyiɣi didi aɖe ene." data/train/2SA/2SA_018_Verse_006.mp3,"David ƒe amewo ɖu Israel ƒe aʋakɔ la dzi. Wowu ame akpe blaeve (20,000) sɔŋ le Israelviwo dome gbe ma gbe." data/train/2SA/2SA_023_Verse_006.mp3,"Ame si kplɔe ɖo lae nye Sama, Agee ƒe vi, tso Harar. Gbe ɖeka le aʋakpekpe aɖe kple Filistitɔwo me le teƒe aɖe si bli le fũu eye Israel ƒe aʋawɔlawo katã si la," data/train/2SA/2SA_006_Verse_010.mp3,David ɖu ɣe kple eƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume le esime wòdo awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi. data/train/2SA/2SA_016_Verse_007.mp3,"David gblɔ na Abisai kple eŋumewo be, “Vinye, ame si nye nye ŋutɔ nye ŋutilã la, le agbagba dzem be yeawum, ekema nu ka Benyamintɔ sia mawɔ o? Zi kpi kpɔe wòaƒo fi dem elabena Yehowae ɖoe nɛ." data/train/2SA/2SA_021_Verse_011.mp3,Gibeontɔwo he wo ɖe ati ŋu le toa dzi le Yehowa ŋkume. Ale wo ame adreawo katã ku zi ɖeka le luxaɣi la ƒe gɔmedzedze. data/train/2SA/2SA_015_Verse_000.mp3,Abiata kple Zadok kple Levitɔwo kɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wodae ɖe mɔto va se ɖe esime ame sia ame va yi vɔ. data/train/2SA/2SA_009_Verse_011.mp3,Viŋutsuvi sue aɖe nɔ Mefiboset si; eŋkɔe nye Mika. Ziba ƒe aƒemetɔwo katã zu Mefiboset ƒe subɔlawo. data/train/2SA/2SA_007_Verse_014.mp3,"ke nye lɔlɔ̃ maɖe ɖa le edzi abe ale si meɖee ɖa le Saul, ame si ɖu fia do ŋgɔ na wò la dzi ene o." data/train/2SA/2SA_019_Verse_040.mp3,"Wo katã wona kpekpeɖeŋu fia la kple eƒe aƒemetɔwo kple aʋawɔlawo eye wokpe ɖe wo ŋu ale si woate ŋui. Esi fia la va yina la, Simei, Gera ƒe vi mlɔ anyigba le eŋkume" data/train/2SA/2SA_006_Verse_014.mp3,"Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe du la me la, Mixal, Saul ƒe vinyɔnu kpɔ Fia David to fesre to wònɔ kpo tim, nɔ ɣe ɖum le Yehowa ŋkume eye Mixal ɖu fewu le David ŋu le eƒe dzime." data/train/2SA/2SA_013_Verse_019.mp3,"Esi wòtsi tsitre ɖe eŋkume la, Amnon gblɔ nɛ be, “Lɔlɔ̃tɔ, va mlɔ gbɔnye.”" data/train/2SA/2SA_017_Verse_003.mp3,Ale David kple eŋumewo katã tso tɔsisi la le zã ma me eye woɖo tɔsisi la godo hafi ŋu ke. data/train/2SA/2SA_006_Verse_006.mp3,"David kple eƒe ameawo katã dze mɔ tso Baala Yuda be woaɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso afi ma vɛ. Woyɔa Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ame si le Kerubi siwo le nubablaɖaka la dzi la ƒe ŋkɔ ɖe eŋu." data/train/2SA/2SA_018_Verse_022.mp3,"Tete Ahimaaz do ɣli gblɔ na Fia la be, “Nu sia nu dze edzi nyuie!” Ebɔbɔ, de ta agu heyi edzi be, “Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si tsrɔ̃ aglãdzela siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò.”" data/train/2SA/2SA_024_Verse_006.mp3,"David ƒe dzitsinya ɖe fu nɛ esi wòna woxlẽ ame siwo ate ŋu ayi aʋa la vɔ. Tete wògblɔ na Yehowa be, “Mewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu si mewɔ la ta. Oo Yehowa, azɔ la meɖe kuku na wò, ɖe wò dɔla ƒe vodada ɖa elabena mewɔ bometsinu gã aɖe.”" data/train/2SA/2SA_008_Verse_010.mp3,"eɖo Via ŋutsu Yoram ɖe David gbɔ be wòado gbe nɛ, akafui le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer eye wòsii la ta, vevietɔ, esi Tɔi kple Hadadezer nye futɔwo ta. Tɔi ɖo nu siwo wowɔ kple klosalo, sika kple akɔbli la ɖe David." data/train/2SA/2SA_006_Verse_019.mp3,"Wokɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi eye wokɔe tso Abinadab ƒe aƒe si le toa ŋu la me. Ame siwo tutu tasiaɖam la woe nye Abinadab ƒe viŋutsuwo, Uza kple Ahio." data/train/2SA/2SA_011_Verse_006.mp3,"David gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yoab be dzi megaɖe le eƒo o; ame sia ame ate ŋu atsi yi nu gbe ɖeka. Miyi aʋa la wɔwɔ dzi sesĩe wu tsã eye miagbã du la. De dzi ƒo nɛ be eyae le dɔ dzi loo!”" data/train/2SA/2SA_003_Verse_014.mp3,"Egblɔ na wo be, “Azã la su azɔ elabena Yehowa do ŋugbe na David be, ‘Nye dɔla, David dzie mato aɖe nye dukɔ, Israel tso Filistitɔwo kple woƒe futɔ bubuawo ƒe asi me!’ ”" data/train/2SA/2SA_015_Verse_020.mp3,"Etsɔ ko nèva! Egbe la, ɖe mana nàtsa tsaglalã kpli mí, le esime nyemenya afi si yim nye ŋutɔ mele oa? Trɔ kple wò amewo. Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ nanɔ kpli mi.”" data/train/2SA/2SA_005_Verse_024.mp3,"Tsã esi Saul nye fia le mia nu hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa gblɔ na wò be wòe akplɔ nye eƒe dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.”" data/train/2SA/2SA_012_Verse_021.mp3,"Ke nu ka ta nèdo vlo Yehowa ƒe sewo eye nèwɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖo? Èwu Uria, Hititɔ eye nèxɔ srɔ̃a!" data/train/2SA/2SA_022_Verse_049.mp3,"“Yehowa li tegbee! Woakafu nye Agakpe la! Woado Mawu, nye Xɔla la ɖe dzi bobobo!" data/train/2SA/2SA_011_Verse_008.mp3,"Egblɔ be, “Futɔwo lũ ɖe mía dzi; míenya wo wogbugbɔ yi dua ƒe agbowo nu." data/train/2SA/2SA_006_Verse_022.mp3,Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma ɣleti etɔ̃ eye Yehowa yra Obed Edom kple eƒe aƒemetɔwo katã. data/train/2SA/2SA_004_Verse_003.mp3,Ekema nu ka ta nyemabia hlɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo wu ame nyui la le eya ŋutɔ ƒe aƒe me le eƒe aba dzi o mahã? Ele be mabia eƒe ʋu tso miaƒe asi me eye matsrɔ̃ mi ɖa le anyigba dzi.” data/train/2SA/2SA_022_Verse_012.mp3,Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu? Ame kae ganye Agakpe? Ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa? data/train/2SA/2SA_017_Verse_017.mp3,"Ke esi wodzo le En Rogel yina David gbɔ la, ŋutsu aɖe kpɔ wo eye wòyi ɖagblɔe na Absalom. Le ɣeyiɣi sia me la, wosi yi Bahurim eye ŋutsu aɖe ɣla wo ɖe eƒe vudo me le eƒe aƒe godo." data/train/2SA/2SA_014_Verse_026.mp3,"Tekoa nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Oo, nye aƒetɔ, meda akpe na wò; ne woaxa wò be nèkpe ɖe ŋunye alea la, maxɔ nya la ɖe ɖokuinye dzi.”" data/train/2SA/2SA_019_Verse_008.mp3,"Barzilai, Gileadtɔ la hã tso Rogelim va be yeatso Yɔdan tɔsisi la kple fia la eye wòayi eƒe mɔ dzi tso afi sia." data/train/2SA/2SA_016_Verse_002.mp3,"Absalom trɔ ɖe Ahitofel gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka magawɔ azɔ?”" data/train/2SA/2SA_010_Verse_019.mp3,"Yoab kpɔ be wodze aʋa ɖe ye ŋgɔ kple ye megbe siaa, eya ta etia Israel ƒe asrafo siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me, eye wòna woɖakpe aʋa kple Aramtɔwo." data/train/2SA/2SA_001_Verse_012.mp3,"Esime wònye kɔ la, ekpɔm yɔm eye mebiae be, ‘Nu ka mawɔ na wò?’" data/train/2SA/2SA_022_Verse_010.mp3,"Egblɔ be: “Yehowae nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ." data/train/2SA/2SA_015_Verse_034.mp3,"Ne ame aɖe va be yeade ta agu nɛ la, melɔ̃na o, ke boŋ enaa asii eye wòkplaa asi kɔ nɛ boŋ." data/train/2SA/2SA_018_Verse_012.mp3,"Fia la gblɔ na Ahimaaz be, “Lala le afi sia” Ale Ahimaaz dze ɖe axadzi." data/train/2SA/2SA_024_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi ŋdi ma; enɔ anyi va se ɖe ɣeyiɣi si wòɖo nɛ eye ame akpe blaadre (70,000) ku le dukɔ la me, tso Dan va se ɖe Beerseba." data/train/2SA/2SA_014_Verse_017.mp3,"Fia la gblɔ be, “Medi be manya nu ɖeka.” Nyɔnu la biae be, “Nye aƒetɔ, nu kae?”" data/train/2SA/2SA_017_Verse_026.mp3,Ŋutsua srɔ̃ ɖo avɔ aɖe ɖe vudo la nu eye wosia bli ɖe avɔ la dzi ale be ame aɖeke mabu be woanɔ afi ma o. data/train/2SA/2SA_003_Verse_037.mp3,Yoab dɔ amewo ɖa be woana Abner natrɔ agbɔ. Ame dɔdɔawo tu Abner le Sira ƒe vudo la gbɔ eye wòtrɔ gbɔ kpli wo. Ke David menya naneke tso nu sia ŋu o. data/train/2SA/2SA_022_Verse_045.mp3,"tso nye futɔ ŋusẽtɔwo ƒe asi me, tso nye ketɔwo ƒe asi me, ame siwo sẽ wum akpa la ƒe asi me." data/train/2SA/2SA_022_Verse_018.mp3,Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo. data/train/2SA/2SA_005_Verse_012.mp3,"Esi David bia Yehowa be nu ka yeawɔ hã la, eɖo eŋu be, “Mègakpe aʋa kpli wo ŋkume kple ŋkume o, ke boŋ to wo megbe eye nàdo ɖe balsamtiawo gbɔ." data/train/2SA/2SA_017_Verse_010.mp3,"Esi Absalom ƒe amewo va nyɔnu la gbɔ la, wobia be, “Afi ka Ahimaaz kple Yonatan wole?” Nyɔnu la gblɔ na wo be, “Wotso tɔʋu la xoxo.” Ameawo di wo gake womekpɔ wo o, ale wotrɔ yi Yerusalem." data/train/2SA/2SA_002_Verse_027.mp3,Yehowa nave mia nu eye wòatsɔ eƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia kple nyateƒe aɖo eteƒe na mi. Nye hã mave mia nu le nu si miewɔ la ta. data/train/2SA/2SA_007_Verse_005.mp3,"alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mana miavo tso miaƒe futɔwo ƒe asi me azɔ. “ ‘Yehowa ɖe gbeƒã na wò be, Yehowa ŋutɔ aɖo aƒe aɖe gɔme anyi na wò." data/train/2SA/2SA_015_Verse_001.mp3,"Absalom gagblɔna be, “Nyee anye ʋɔnudrɔ̃la la hafi, ekema ame sia ame ate ŋu atsɔ eƒe ʋɔnunya vɛ nam eye madrɔ̃ nya dzɔdzɔe nɛ!”" data/train/2SA/2SA_018_Verse_009.mp3,"Fia la bia be, “Vinye Absalom ɖe? Ele dediea?” Ahimaaz ɖo eŋu be, “Esi Yoab gblɔ nam be mava la, ameawo nɔ ɣli dom hoo, ke nyemenya nu si tututue dzɔ o.”" data/train/2SA/2SA_003_Verse_036.mp3,"Woɖi Abner ɖe Hebron eye fia la fa avi hehehe le Abner ƒe yɔdo to, nenema kee nye ameawo katã hã." data/train/2SA/2SA_019_Verse_022.mp3,Fia la kplɔ Kimham ɖe asi eye woyi Gilgal. Ame geɖewo tso Yuda kple Israelviwo ƒe afã nɔ afi ma be yewoaxɔe. data/train/2SA/2SA_008_Verse_013.mp3,"Fia David kɔ nunana siawo katã ŋu na Yehowa, abe ale si wòwɔ kple klosalo kple sika si wòxɔ tso dukɔ siwo katã dzi wòɖu gbɔ," data/train/2SA/2SA_010_Verse_003.mp3,"Amonitɔwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe kplɔla Hanun be, “Ɖe nèbu be David le bubu dem ye fofo ŋu to ame siawo dɔdɔ ɖe gbɔwò be woado babaa na wò mea? Menye ɖe David dɔ ame siawo be woava tsa ŋku le anyigba la dzi eye yewoaho aʋa ɖe eŋu oa?”" data/train/2SA/2SA_012_Verse_004.mp3,"Azɔ la, kplɔ aʋawɔla mamlɛawo, nàɖe to ɖe dua eye nàxɔe. Ne menye nenema o la, maxɔ dua eye matsɔ nye ŋkɔ nɛ.”" data/train/2SA/2SA_022_Verse_050.mp3,“Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza ta. data/train/2SA/2SA_020_Verse_007.mp3,"Esi wohe ame kuku la le mɔa dzi la, ame sia ame dze Yoab yome be yewoalé Seba, Bikri vi la." data/train/2SA/2SA_024_Verse_009.mp3,"Esi Arauna kpɔ fia la kple eŋumewo gbɔna egbɔ la, eyi hede ta agu tsyɔ mo anyi ɖe fia la ŋkume." data/train/2SA/2SA_011_Verse_020.mp3,"Glidzinɔlawo ho aʋa ɖe mía ŋu, wowu míaƒe ame aɖewo eye wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la, hã.”" data/train/2SA/2SA_019_Verse_009.mp3,"David blu ɖe eta gblɔ be, “Nya kae le nye kple mi Zeruya ƒe viwo dome? Egbe miezu nye futɔwo. Ɖe wòle be woawu ame aɖe le Israel egbea? Ɖe mènya be egbea menye fia le Israel oa?”" data/train/2SA/2SA_017_Verse_008.mp3,"Ekema wò kalẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã, nenye dzata ƒe dzie le dɔ me na wo gɔ̃ hã la, vɔvɔ̃ ana woatsi teƒe ɖeka elabena Israel blibo la nya be fofowò bi ɖe aʋawɔwɔ me eye eƒe asrafowo hã nye kalẽtɔwo." data/train/2SA/2SA_021_Verse_014.mp3,"Ke etsɔ Rizpa ƒe viŋutsu eveawo, Armoni kple Mefiboset ame siwo nye Saul ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Aya dzi la na wo. Eɖe asi le Saul ƒe vinyɔnu Merab ƒe viŋutsu atɔ̃ siwo wòdzi na Adriel si nye Barzilai, Meholatitɔ la hã ŋu na wo." data/train/2SA/2SA_004_Verse_012.mp3,"Woyi aƒea me esime wòmlɔ anyi ɖe eƒe xɔ gã me. Esime wowui la, wotso ta le enu. Wokɔ eƒe ta ɖe asi eye wozɔ mɔ zã blibo la heto tagbamɔ." data/train/2SA/2SA_012_Verse_023.mp3,"“ ‘Meka atam be le nu si nèwɔ ta la, mana wò ŋutɔ wò aƒemetɔwo natso ɖe ŋuwò. Matsɔ srɔ̃wòwo ana ŋutsu bubuwo eye wòadɔ wo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ be ame sia ame nakpɔ." data/train/2SA/2SA_012_Verse_002.mp3,"Alẽwo kple nyiwo nɔ kesinɔtɔ la si fũu," data/train/2SA/2SA_014_Verse_023.mp3,"Nyɔnu la gblɔ na David be, “Meɖe kuku, tsɔ Yehowa, wò Mawu, ka atam nam be, yemaɖe mɔ ame aɖeke nawɔ nuvevi vinye la o. Nyemedi be woagakɔ ʋu bubu aɖeke ɖi o.” David ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa ka atam na wò bena ame aɖeke manyɔ viwò la ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã o!”" data/train/2SA/2SA_014_Verse_005.mp3,Ame aɖeke medze ɖeka le Israelnyigba dzi abe Absalom ene o eye womekafua ame bubu aɖeke hã nenema abe eya ene o. data/train/2SA/2SA_013_Verse_025.mp3,"Gbe ɖeka la, Yonadab bia Amnon be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta wò, fiavi, nàlé blanui ale ŋdi sia ŋdi?” Amnon gblɔ nɛ be, “Tamar, nɔvinye nyɔnu, ame si dzɔ ɖe Absalom yome la ƒe vi la ƒe nu lé dzi nam.”" data/train/2SA/2SA_020_Verse_018.mp3,"nu si dim mele koe nye ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Seba, Bikri vi; etso Efraim ƒe tonyigba la dzi. Etso ɖe Fia David ŋu eya ta ne miatsɔe ade asi na mí la, ekema míaɖe asi le dua ŋu le ŋutifafa me.” Nyɔnu la gblɔ be, “Enyo, míada eƒe ta do ɖe mi to gli la ta.”" data/train/2SA/2SA_013_Verse_038.mp3,"Yonadab gblɔ na fia la be, “Kpɔ ɖa, woawoe nye emawo! Viwò ŋutsuwo gbɔna ɖa abe ale si megblɔ ene.”" data/train/2SA/2SA_009_Verse_001.mp3,"Azɔ la, dɔla aɖe nɔ Saul ƒe aƒe me si ŋkɔe nye Ziba. Woyɔe va David ŋkume eye fia la biae be, “Wòe nye Ziba?” Eɖo eŋu be, “Wò dɔlae.”" data/train/2SA/2SA_020_Verse_003.mp3,"Ale nyɔnu la yi ameawo gbɔ kple eƒe aɖaŋu nyui la. Wotso ta le Seba, Bikri vi la nu eye woda eƒe ta la to gli la ta ɖo ɖe Yoab. Enumake Yoab ku kpẽ; ena ameawo dzudzɔ dua gbagbã eye wotrɔ yi fia la gbɔ le Yerusalem." data/train/2SA/2SA_018_Verse_014.mp3,"Fia la ɖo eŋu be, “Enyo, mawɔ nu sia nu si nyo na mi ko.” Ale David nɔ tsitre ɖe dua ƒe agbonu esime aʋawɔlawo katã va tso eme." data/train/2SA/2SA_015_Verse_009.mp3,Ame sia ame lé blanui le dua me esime fia la kple eƒe amewo va yina. Wotso Kidron tɔʋu la eye woɖo ta gbegbe la. data/train/2SA/2SA_001_Verse_010.mp3,"Elabena David gblɔ nɛ be, “Wò ʋu ava wò ŋutɔ wò ta dzi. Wò ŋutɔ wò nue ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò esi negblɔ be, ‘Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.’ ”" data/train/2SA/2SA_001_Verse_013.mp3,eye wòde se na Yuda ŋutsuwo be woafia aŋutrɔ ƒe konyifaha sia abe ale si woŋlɔe ɖe Yasar ƒe agbalẽ me ene. data/train/2SA/2SA_003_Verse_005.mp3,"Ale David ɖo du ɖe Is Boset be, “Gbugbɔ srɔ̃nye Mixal nam elabena Filistitɔ alafa ɖeka ƒe agbe metsɔ na ɖe eta.”" data/train/2SA/2SA_013_Verse_035.mp3,"Tamar do ɣli be, “Oo, Amnon, èdzɔ movi loo! Mègawɔ nu sia tɔgbi o. Wò ŋutɔ ènya be nu sia tɔgbi medzɔna le Israel o." data/train/2SA/2SA_017_Verse_022.mp3,“Nu si mebue nye be nàƒo Israel dukɔ blibo la ƒe aʋakɔ la nu ƒu tso keke Dan va se ɖe Beerseba ale be aʋakɔ gã aɖe nanɔ asiwò. Mebu hã be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋakɔ la. data/train/2SA/2SA_022_Verse_001.mp3,Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglãa eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta. data/train/2SA/2SA_007_Verse_022.mp3,"“Nya kae gale David si wòagblɔ na wò? Elabena, Oo Aƒetɔ Yehowa, ènya wò dɔla." data/train/2SA/2SA_021_Verse_012.mp3,"Gibeontɔwo ɖo eŋu be, “Ga mawɔ naneke tso nya sia ŋu o eye míedi be woatsɔ hlɔ̃biabia awu Israelviwo hã o.” David bia be, “Ekema nu ka mawɔ? Migblɔe nam ko eye mawɔe na mi.”" data/train/2SA/2SA_020_Verse_017.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, Seba zɔ to Israelnyigba dzi be yeaƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu tso eya ŋutɔ ƒe hlɔ̃, Bikri hlɔ̃ la me le Abel Bet Maka dua me." data/train/2SA/2SA_024_Verse_022.mp3,"Tso afi ma woyi Tiro mɔ la me kple Hivitɔwo kple Kanaantɔwo ƒe duwo katã me. Mlɔeba la, woyi Beerseba le Yuda ƒe gbegbe." data/train/2SA/2SA_005_Verse_008.mp3,"David gblɔ gbe ma gbe be, “Ele be ame sia ame si aɖu Yebusitɔwo dzi la, nato tɔtsoƒe aɖo ‘xɔdrɔ̃ kple ŋkugbãtɔ mawo’ ame siwo nye David ƒe futɔwo la gbɔ.” Eya ta wogblɔna be, “ ‘Ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo’ mage ɖe fiasã la me o.”" data/train/2SA/2SA_009_Verse_005.mp3,"Esi Mefiboset, ame si nye Yonatan ƒe viŋutsu kple Saul ƒe tɔgbuiyɔvi va ɖo David gbɔ la, ede ta agu hede bubu eŋu. David yɔe be, “Mefiboset!” Mefiboset ɖo eŋu be, “Nye, wò dɔlae nye esi.”" data/train/2SA/2SA_013_Verse_016.mp3,"Esi Fia David dzudzɔ Amnon fafa la, edi vevie be yeagakpɔ ye vi Absalom." data/train/2SA/2SA_003_Verse_003.mp3,"Abner ƒo nu kple Benyamin ƒe viwo ƒe kplɔlawo hã. Emegbe la, eyi Hebron eye wògblɔ ale si wòwɔ nya la ŋu dɔ kple Israelviwo kple Benyamin ƒe viwo la na David." data/train/2SA/2SA_017_Verse_021.mp3,"Ne David si yi du aɖe me la, Israel ƒe aʋakɔ blibo la anɔ wò kpɔkplɔ te, miatsi kawo ɖe dua ƒe gliwo ŋu eye miahe gliawo ayi aɖakɔ ɖe balime si te ɖe eŋu la me va se ɖe esime kpe aɖeke maganɔ kpe dzi o.”" data/train/2SA/2SA_003_Verse_029.mp3,"Mawu nafia fu Abner vevie ne nyemewɔ nu si Yehowa do ŋugbe, eye wòka atam ɖe edzi be mawɔ na David o," data/train/2SA/2SA_021_Verse_002.mp3,"David bia wo be, “Nu ka mate ŋu awɔ na mi be nu vɔ̃ sia naɖe ɖa le mia dzi eye wòana miabia Mawu be wòayra mi?”" data/train/2SA/2SA_008_Verse_012.mp3,"Eɖu Zoba fia Hadadezer, Rehob ƒe vi dzi le esime wòva be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat tɔsisi la to." data/train/2SA/2SA_019_Verse_007.mp3,Aʋakɔ blibo la te ɖɔɖɔɖɔ va dua me abe ɖe woɖu wo dzi eye wogbɔ kple ŋukpe ene. data/train/2SA/2SA_024_Verse_012.mp3,"Esi wotso Yɔdan tɔsisi la vɔ la, woƒu asaɖa anyi ɖe Aroer gbɔ le du si le balime la ƒe dziehe gome eye wozɔ to Gad va ɖo Yazer." data/train/2SA/2SA_016_Verse_016.mp3,"Ke fia la gblɔ be, “Nya kae le nye kple miawo, Zeruya ƒe viwo, dome? Ne ele ɖiŋu dom elabena Yehowae gblɔ nɛ be, ‘Ƒo fi de David’ la, ame ka ate ŋu abia be, ‘Nu ka ta nèle nu sia wɔm ɖo?’ ”" data/train/2SA/2SA_002_Verse_023.mp3,"Ke egbe, megbugbɔ o. Ale Abner ƒo akplɔ ɖe dɔ me nɛ eye akplɔ la ŋɔe do ɖe eƒe dzime. Edze anyi, heku eye ame sia ame si va ɖo afi si wòmlɔ la tɔna ɖe afi ma." data/train/2SA/2SA_004_Verse_011.mp3,"Wotsɔ Is Boset ƒe ta na Fia David hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, esiae nye Saul, wò futɔ, ame si di vevie be yeawu wò la ƒe vi Is Boset ƒe ta. Egbe la Yehowa bia hlɔ̃ Saul kple eƒe ƒome blibo la na wò!”" data/train/2SA/2SA_001_Verse_015.mp3,"Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, ame aɖe tso Saul ƒe asaɖa me eƒe awuwo vuvu eye ke nɔ tame nɛ. Ede ta agu eye wòbɔbɔ ɖe David ŋkume kple bubu." data/train/2SA/2SA_011_Verse_012.mp3,"Enumake David na woyɔe nɛ. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Batseba wu ɖokuiŋukɔkɔ le gbɔtotsitsi megbe ƒe wɔnawo nu teti ko. Esi wòva la, David dɔ egbɔ eye wòtrɔ yi aƒe me." data/train/2SA/2SA_005_Verse_000.mp3,"Ale David va nɔ mɔ la me hena ŋkɔe be, “David Ƒe Du.” Ekeke dua ɖe edzi tso Milo xoxoa ɖo ta du si li fifia la titina." data/train/2SA/2SA_023_Verse_034.mp3,Wobunɛ wu ame xɔŋkɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe gake womedee ame Etɔ̃awo dome o. Ke David tsɔe ɖo eŋudzɔlawo nu. data/train/2SA/2SA_007_Verse_023.mp3,"Nyemenɔ xɔ aɖeke me kpɔ o, tso esime mekplɔ mi Israelviwo tso Egipte la, agbadɔ me koe nye nye nɔƒe." data/train/2SA/2SA_013_Verse_009.mp3,Ale Tamar yi Amnon ƒe xɔ me ale be Amnon nakpɔ ale si wòablu amɔ lae. data/train/2SA/2SA_020_Verse_000.mp3,"Adoram kpɔa dɔwɔlawo dzi. Yehosafat, Ahilud ƒe vi, nye nyadzɔdzɔwo ŋlɔla," data/train/2SA/2SA_019_Verse_027.mp3,"Ke Barzilai ɖo eŋu na fia la be, “Ƒe nenie gasusɔ nam be manɔ agbe hafi magakplɔ wò ɖo ayi Yerusalem?" data/train/2SA/2SA_019_Verse_035.mp3,"Miawoe nye nɔvinyewo, nye ŋutɔ nye ŋutilã kple ʋu eya ta nu ka ta miawoe anye ame mamlɛtɔ agbugbɔ Fia la vɛ?’" data/train/2SA/2SA_001_Verse_007.mp3,David kple eƒe amewo dze woƒe awuwo esi wose nya sia. data/train/2SA/2SA_015_Verse_011.mp3,"David gblɔ nɛ be, “Ne èdze yonyeme la, agba ko nànye nam." data/train/2SA/2SA_007_Verse_000.mp3,"Abe esia ɖe mesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, Oo Aƒetɔ Yehowa, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe ava nye le etsɔ me la ŋuti. Oo Aƒetɔ Yehowa, alea koe nènɔna kple amewoa?" data/train/2SA/2SA_012_Verse_006.mp3,"David do dɔmedzoe eye wòka atam be, “Meta Yehowa ƒe agbe be ame si wɔ nu sia la dze na ku!" data/train/2SA/2SA_010_Verse_005.mp3,Ena akpa evelia si nɔ nɔvia Abisai ƒe kpɔkplɔ te la kpe aʋa kple Amonitɔwo. data/train/2SA/2SA_013_Verse_028.mp3,"Ke Yonadab, David nɔviŋutsu, Simea ƒe viŋutsu gblɔ be, “Mele be nye aƒetɔ nabu be wowu fiaviŋutsuawo katã o. Amnon ko wowu! Esiae nye Absalom ƒe tameɖoɖo si wògblɔna tso gbe si gbe ke Amnon gblẽ nɔvia nyɔnu Tamar." data/train/2SA/2SA_015_Verse_022.mp3,"Eƒe amewo kple Keretitɔwo kple Peletitɔwo kple Gititɔ alafa adeawo, ame siwo dze eyome tso Gat la va to eŋu eye wozɔ le fia la ŋgɔ." data/train/2SA/2SA_002_Verse_014.mp3,"eye Aʋafia Yoab, Zeruya ƒe vi, hã kplɔ David ƒe aʋakɔ be woado go wo. Wodo go le Gibeon ta la to eye wonɔ ta la ƒe akpa eveawo dzi, dze ŋgɔ wo nɔewo." data/train/2SA/2SA_016_Verse_021.mp3,"Simei ƒo fi de David kple ɣli be, “Bu le afi sia, bu le afi sia, wò hlɔ̃dola kple ame vɔ̃ɖi!" data/train/2SA/2SA_003_Verse_002.mp3,"Abner wɔ takpekpe kple Israel ƒe kplɔlawo eye wòɖo ŋku edzi na wo be, “Miedi be David nanye miaƒe fia ɣeyiɣi didi aɖee nye esi.”" data/train/2SA/2SA_003_Verse_038.mp3,Yoab kple nɔvia Abisai wowu Abner elabena ewu wo nɔviŋutsu Asahel le aʋa le Gibeon. data/train/2SA/2SA_007_Verse_021.mp3,"Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwò si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple wò ʋu, aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ." data/train/2SA/2SA_023_Verse_011.mp3,"David gblɔ kple didi be, “Tsikɔ le wunyem vevie. Oo, ne ame aɖe aku tsi tso vudo si le Betlehem ƒe agbo nu la me vɛ nam la, anyo ŋutɔ.”" data/train/2SA/2SA_023_Verse_018.mp3,"hegblɔ be, “Yehowa, nyemate ŋu awɔ esia gbeɖe o!” “Esiae nye ame etɔ̃ siwo tsɔ woƒe agbe ke la ƒe ʋu.”" data/train/2SA/2SA_019_Verse_015.mp3,"Esi amewo se be fia la nɔ nu xam vevie la, gbe ma gbe ƒe dzidzɔ le woƒe dziɖuɖu wɔnuku la ta trɔ zu nuxaxa gã aɖe." data/train/2SA/2SA_009_Verse_013.mp3,"Ziba gblɔ na fia la be, “Wò subɔla awɔ nu sia nu si nye aƒetɔ, fia la aɖe gbe na eƒe subɔla be wòawɔ.” Ale Mefiboset ɖua nu le Fia David ƒe kplɔ̃ ŋu abe fia la ƒe viwo dometɔ ɖeka ene." data/train/2SA/2SA_014_Verse_018.mp3,"Fia la gblɔ nɛ be, “Gblẽ nya sia ɖe nye asi me; makpɔ egbɔ be ame aɖeke maka asi viwò ŋutsu la ŋu o.”" data/train/2SA/2SA_014_Verse_033.mp3,"“Ɛ̃, fia la agana eƒe asimeŋutifafa mí. Menya be èle abe mawudɔla ene eye ètea ŋu dzea si nyui tso vɔ̃ gbɔ. Yehowa, wò Mawu, nanɔ kpli wò.”" data/train/2SA/2SA_003_Verse_012.mp3,"David gblɔ na Yoab kple ame siwo katã le eŋu la be, “Midze miaƒe awuwo, mita akpanya eye mifa na Abner.” Fia David ŋutɔ dze amekukuɖaka la yome yi ameɖiƒe." data/train/2SA/2SA_018_Verse_001.mp3,"Ahimaaz gaɖe kuku be, “Ele eme nenema gake na mayi ko.” Yoab gblɔ azɔ be, “Enyo, heyi.” Ahimaaz to mɔ kpui aɖe si to gbadzaƒe la eye wòtre ɖoɖo na ŋutsu si tso Kus." data/train/2SA/2SA_021_Verse_016.mp3,"Le aʋa bubu si wogawɔ kple Filistitɔwo le Gob la, Elhanan, Yair Betlehemtɔ ƒe vi wu Goliat si nye Gititɔ, ame si ƒe akplɔti lolo abe ati si le avɔlɔ̃lawo ƒe agbati me ene." data/train/2SA/2SA_011_Verse_017.mp3,"eye esi konyifaɣi la wu nu la, David na Batseba ʋu yi fiasã la me eye wòzu srɔ̃awo dometɔ ɖeka. Batseba dzi ŋutsuvi nɛ, ke nu si David wɔ la, medze Yehowa ŋu kura o." data/train/2SA/2SA_002_Verse_019.mp3,"Gbe ma gbe fiẽ la, Abner kple eƒe amewo gbugbɔ to Araba. Woyi Yɔdan ƒe balime, tso tɔsisi la eye wozɔ mɔ le zã va se ɖe ŋufɔke ŋdi hafi woɖo Mahanaim." data/train/2SA/2SA_008_Verse_009.mp3,eye wòda asrafo aɖewo ɖe Edom ƒe teƒe ɖe sia ɖe. Ale Edomtɔwo zu David teviwo. Yehowa na wòɖua dzi le afi sia afi si wòayi. data/train/2SA/2SA_009_Verse_007.mp3,"Fia la biae be “Ame aɖeke megale Saul ƒe aƒe me si maɖe Mawu ƒe amenuveve afia oa?” Ziba ɖo eŋu na fia la be, “Yonatan ƒe viŋutsu aɖe gali ko, ame si ƒe atawo kple eve tu.”" data/train/2SA/2SA_007_Verse_002.mp3,"ale be wò ŋkɔ nanye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ enye Mawu ɖe Israel dzi!’ Ale woaɖo wò dɔla, David ƒe aƒe anyi ɖe ŋkuwòme tegbee." data/train/2SA/2SA_019_Verse_033.mp3,"Mefiboset, Saul ƒe tɔgbuiyɔvi hã yi be yeakpe fia la. Tso gbe si gbe fia la dzo va se ɖe esime wòtrɔ gbɔ dedie la, Mefiboset meklɔ eƒe afɔwo alo fɔ eƒe nuge dzi loo alo nya eƒe awuwo o." data/train/2SA/2SA_014_Verse_031.mp3,"Yoab yi Absalom gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka ta wò subɔlawo tɔ dzo nye lugble ɖo?”" data/train/2SA/2SA_020_Verse_025.mp3,"Yoab ƒe aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka do ɣli gblɔ na Amasa ƒe aʋawɔlawo be, “Ne miele David dzi la, ekema miva dze Yoab yome.”" data/train/2SA/2SA_004_Verse_006.mp3,"Fia Saul ƒe tɔgbuiyɔvi aɖe si nye ŋutsuvi tekunɔ aɖe la li; fofoae nye Yonatan eye eŋkɔe nye Mefiboset. Exɔ ƒe atɔ̃ esime wowu Saul kple Yonatan le aʋa me le Yezreel. Esi wose aʋa la me nyawo la, nyɔnu si nɔ ɖevi la dzi kpɔm la si kple ɖevi la yina. Ke ɖevi la ge dze anyi eye to esia me la ɖevia zu tekunɔ." data/train/2SA/2SA_024_Verse_014.mp3,"Hafi David nafɔ le ŋdi la, Yehowa ƒe gbe va na Nyagblɔɖila Gad, David ƒe nukpɔla be," data/train/2SA/2SA_005_Verse_002.mp3,"Ale David yi ɖawɔ aʋa kpli wo le Baal Perazim eye wòɖu wo dzi. Egblɔ be, “Yehowae ɖu wo dzi; eƒu du to nye futɔwo dome abe ale si tɔsisi gba goe ene.” Ale wona ŋkɔ teƒe la be Baal Perazim si gɔmee nye “Aƒetɔ si gba go.”" data/train/2SA/2SA_005_Verse_019.mp3,"Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David Ƒe Du.”" data/train/2SA/2SA_023_Verse_039.mp3,Ɖe womede bubu eŋu wu ame xɔŋkɔ etɔ̃awo oa? Ezu woƒe kplɔla togbɔ be womebui ɖe wo dome o hã. data/train/2SA/2SA_011_Verse_018.mp3,Fia la ɖo na Yoab to agbalẽ la me be wòaɖo Uria ɖe afi si aʋa la sẽ le eye wòana amewo nade megbe le eŋu ale be woawui! data/train/2SA/2SA_003_Verse_006.mp3,"Ale dukɔ blibo la, Yuda kple Israel siaa nya to David ƒe nuwɔnawo me be eƒe asi menɔ Abner ƒe ku la me o." data/train/2SA/2SA_015_Verse_028.mp3,"Ke Itai ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa kple wò ŋutɔ wò agbe ka atam be afi sia afi si nàyi la, nye hã mayi; nya sia nya nedzɔ, nenye agbee hã, kue hã!”" data/train/2SA/2SA_019_Verse_013.mp3,elabena medze si nye nu vɔ̃ eya ta meva afi sia egbe. Nyee nye ame gbãtɔ tso Yosef ƒe to la me be mado dzaa na wò nye aƒetɔ la egbea.” data/train/2SA/2SA_020_Verse_015.mp3,"Ke Israel ŋutsuwo katã gblẽ David ɖi eye wodze Seba, Bikri vi yome! Ke Yuda ŋutsuwo nɔ woƒe fia la ŋu eye wokplɔe tso Yɔdan tɔsisi la ŋu yi Yerusalem." data/train/2SA/2SA_007_Verse_020.mp3,"Natan ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu si nèɖo be yeawɔ elabena Yehowa li kpli wò.”" data/train/2SA/2SA_012_Verse_003.mp3,"Ametsitsi siwo le eƒe aƒe me la kpɔ egbɔ be woana wòafɔ aɖu nu, gake egbe fɔfɔ eye melɔ̃ hã be yeaɖu naneke kpli wo o." data/train/2SA/2SA_022_Verse_007.mp3,Ede Kerubiwo dzi eye wòdzo dzo. Eɖo asagba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi. data/train/2SA/2SA_015_Verse_037.mp3,"Wo viŋutsu eveawo, Ahimaaz, Zadok ƒe vi kple Yonatan, Abiata ƒe vi, le afi ma kpli wo. Gblɔ nu si nàse la na wo be woava gblɔ nam.”" data/train/2SA/2SA_010_Verse_007.mp3,"Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, wobia aʋawɔla akpe blaeve Aramtɔwo tso Bet Rehobnyigba kple Zobahnyigba dzi kpe ɖe ame akpe ɖeka tso Maaka fia gbɔ kple ame akpe wuieve (12,000) tso Tobnyigba dzi." data/train/2SA/2SA_003_Verse_021.mp3,"Esi Abner va ɖo Hebron la, Yoab ɖe kpɔe le dua ƒe agbonu abe nya ɣaɣla aɖee wòbe yeagblɔ nɛ ene, ke eɖe adekpui eye wòwui abe hlɔ̃biabiae ɖe nɔvia Asahel, ame si Abner wu la ta ene." data/train/2SA/2SA_012_Verse_015.mp3,Eɖe fiakuku le ta na Fia la. Fiakuku la ƒe kpekpemee nye sika talento ɖeka eye wotɔ kpe xɔasiwo ɖe eŋu. Wotsɔe ɖɔ na David. Elɔ afunyinu geɖewo tso du la me. data/train/2SA/2SA_022_Verse_016.mp3,Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ eye metsrɔ̃ nye futɔwo. data/train/2SA/2SA_023_Verse_008.mp3,"anɔ abe ŋdikekeli ene, ɣe keklẽ si ŋgɔ lilikpo mexe o si naa gbe mumu dona tso anyigba me le ɣe keklẽ kple tsidzadza megbe ene.’" data/train/2SA/2SA_011_Verse_016.mp3,"Esi ŋu ke la, David ŋlɔ agbalẽ de asi na Uria be wòatsɔ ayi na Yoab." data/train/2SA/2SA_018_Verse_004.mp3,"David nɔ anyi ɖe dua ƒe agbo eve, egodotɔ kple emetɔ dome le ɣe ma ɣi me. Esi gbetakpɔla la lia gli la yi gbeta kpɔ ge la, ekpɔ ame ɖeka wònɔ du dzi gbɔna wo gbɔ." data/train/2SA/2SA_020_Verse_004.mp3,"Amasa mekpɔ yi ɖaɖɛ si Yoab lé kple miasi la o. Ale Yoab nyrɔ yi la ɖe dɔme nɛ flo, eƒe dɔmenuwo kaka ɖe anyigba eye wòku ɖe afi ma enumake. Yoab kple nɔvia Abisai gblẽe ɖe afi ma eye woti Seba, Bikri vi la yome." data/train/2SA/2SA_014_Verse_004.mp3,Ale Yoab yi Gesur eye wòkplɔ Absalom gbɔ va Yerusalem. data/train/2SA/2SA_021_Verse_017.mp3,"na woatsɔ via ŋutsu adre na mí eye míawu wo le Yehowa ŋkume le Gibea si nye Saul, Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe du la me.” Fia la gblɔ be, “Matsɔ wo na mi.”" data/train/2SA/2SA_010_Verse_018.mp3,"Yoab gblɔ na nɔvia be, “Ne Aramtɔwo sẽ nam akpa la, nàva kpe ɖe ŋunye, ke ne Amonitɔwo sẽ na wò akpa la, mava kpe ɖe ŋuwò." data/train/2SA/2SA_001_Verse_004.mp3,"David biae be, “Afi ka nètso?” Eɖo eŋu be, “Mesi tso Israel ƒe asaɖa me.”" data/train/2SA/2SA_001_Verse_018.mp3,"“O Israel vinyɔnuwo, mifa avi na Saul ame si ta aɖabɛvɔ na mi eye wòtsɔ nu nyuiwo na mi ame si ɖo atsyɔ̃ na miaƒe awuwo kple sikanuwo." data/train/2SA/2SA_005_Verse_016.mp3,Filistitɔwo gblẽ woƒe legbawo ɖe anyi eye David kple eƒe amewo fɔ wo. data/train/2SA/2SA_023_Verse_010.mp3,"Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza." data/train/2SA/2SA_006_Verse_017.mp3,"Nu sia na David ɖo ta me be yemakɔe ayi eɖokui gbɔ le David ƒe Du la me o, eya ta ekɔe yi ɖada ɖe Obed Edom, ame si tso Git la ƒe aƒe me." data/train/2SA/2SA_015_Verse_007.mp3,"Ale fia la dze mɔ, eƒe amewo katã dze eyome eye wotɔ ɖe dua godo." data/train/2SA/2SA_022_Verse_017.mp3,Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam. Ebɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm. data/train/2SA/2SA_019_Verse_032.mp3,"Ku koe nye kple nye ƒometɔwo katã míakpɔ mɔ na tso gbɔwò hafi, ke le esia teƒe la, ède bubu ŋunye le ame siwo katã ɖua nu kpli wò le kplɔ̃ ŋu la dome! Ekema, nu ka ta malĩ liʋĩliʋĩ?”" data/train/2SA/2SA_021_Verse_015.mp3,"Le aʋa bubu aɖe si wowɔ le Gat me la, ame dzɔatsu aɖe si to asibidɛ ade ɖe asi ɖeka kple afɔbidɛ ade ɖe afɔ ɖeka, wo katã le blaeve-vɔ-ene eye eya hã tso Rafa ƒe dzidzime la" data/train/2SA/2SA_011_Verse_014.mp3,"Esi David se nu si Uria wɔ la, eyɔe hebiae be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta mèyi srɔ̃wò gbɔ le wò aƒe me etsɔ fiẽ esi nèdzo le aƒe me eteƒe didi alea o?”" data/train/2SA/2SA_022_Verse_022.mp3,Eya ta Yehowa wɔ nyui nam le nye dzɔdzɔenyenye kple esi nye asi me dza le eŋkume la ta. data/train/2SA/2SA_024_Verse_005.mp3,David yi be yeawɔ nu si Yehowa to Gad dzi gblɔ nɛ. data/train/2SA/2SA_005_Verse_005.mp3,"Azɔ la, David nya nu si ta Yehowa ɖoe fiae eye wòna eƒe fiaɖuƒe la keke ta, eyae nye be Yehowa di be yeakɔ eƒe amenuveve ɖe Israel, eƒe dukɔ tiatia la dzi." data/train/2SA/2SA_022_Verse_009.mp3,Efia aʋawɔwɔ nye asiwo eye nye asiwo ate ŋu abɔ dati si wowɔ kple akɔbli. data/train/2SA/2SA_001_Verse_005.mp3,"David biae be, “Nu ka ŋuti mèvɔ̃ o eye nèdo wò asi ɖa wu Yehowa ƒe amesiamina la?”" data/train/2SA/2SA_022_Verse_039.mp3,"Ne wose ŋkɔnye ko la, woɖoa tom eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã dzona nyanyanya le nye ŋkume." data/train/2SA/2SA_014_Verse_029.mp3,"Yoab gblɔ nya si Absalom gblɔ la na fia la eye David yɔ Absalom mlɔeba. Eva, de ta agu na fia la eye wòkpla asi kɔ nɛ." data/train/2SA/2SA_015_Verse_005.mp3,Ale David kple eƒe aƒemetɔwo dze mɔ enumake; eƒe ahiãvi ewo ko wògble ɖi be woanɔ fiasã la dzi kpɔm. data/train/2SA/2SA_001_Verse_011.mp3,"Enumake David yɔ eƒe amewo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàƒu nui ƒu anyi!” Ale wòyi ɖaƒu nui ƒu anyi eye wòku." data/train/2SA/2SA_012_Verse_000.mp3,"Ale David kplɔ aʋakɔ blibo la yi Raba, wɔ aʋa eye wòxɔ du la." data/train/2SA/2SA_015_Verse_019.mp3,"Esime ame aɖe gblɔ na David be eƒe aɖaŋuɖola Ahitofel dze Absalom yome la, David do gbe ɖa be, “Oo, Yehowa, meɖe kuku, na Ahitofel naɖo aɖaŋu gbegblẽ na Absalom!”" data/train/2SA/2SA_003_Verse_011.mp3,"David gblɔ na eƒe amewo be, “Kplɔla gã aɖe kple amegã aɖe ku egbe le Israel" data/train/2SA/2SA_007_Verse_010.mp3,"“Azɔ la, Yehowa Mawu, lé ŋugbe si nèdo na wò dɔla kple eƒe aƒe la ɖe asi tegbee. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene," data/train/2SA/2SA_015_Verse_035.mp3,Nunɔla Zadok kple nunɔla Abiata manɔ afi ma kpli wò oa? Gblɔ nu sia nu si nàse le fiasã la me na wo. data/train/2SA/2SA_019_Verse_043.mp3,"Yuda ƒe viwo ɖo eŋu be, “Nu kae gblẽ le nu sia ŋu? Míaƒe to la mee fia la tso, nu ka ta nu sia ado dɔmedzoe na mi? Míexɔ ga aɖeke le esi o. Mena nuɖuɖu alo nunana aɖeke mí o!”" data/train/2SA/2SA_020_Verse_011.mp3,"Esi Yoab ƒe aʋawɔlawo va ɖo la, woɖe to ɖe Seba le Abel Bet Maka, ƒu kpo ɖe dua ŋu tso anyigba yi gli la tame eye wode asi gli la gbagbã me." data/train/2SA/2SA_012_Verse_019.mp3,"Ke esi David kpɔ wo wonɔ dalĩ dom na wo nɔewo la, enya nya si dzɔ. Ebia be, “Ɖevia kua?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eku.”" data/train/2SA/2SA_014_Verse_032.mp3,Ɖewohĩ fia la alɔ̃ be yeaɖe eƒe subɔla tso ame si le didim be yeana be nye kple vinye míaxɔ domenyinu si Mawu na mí o la si me.’ data/train/2SA/2SA_003_Verse_000.mp3,"Abner do dɔmedzoe le Is Boset ƒe nyawo ta hegblɔ bena, “Avue menye le Yuda be woanɔ ƒoyem tso afii yi afimɛa? Menyo na wò kple fofowò vɔ be nyemetsɔ mi de asi na David o. Nye fetue nye miakpɔ vodada le nye kple nyɔnu aɖe ŋua?" data/train/2SA/2SA_014_Verse_002.mp3,"Ale Absalom ɖe gbe na eƒe subɔlawo be, “Miyi miatɔ dzo Yoab ƒe lugble si le tɔnye xa” eye woyi ɖatɔ dzoe." data/train/2SA/2SA_010_Verse_004.mp3,"David gblɔ be, “Manyo dɔ me na Hanun, Nahas ƒe vi abe ale si fofoa nyo dɔ me nam ene.” Ale David dɔ amewo be woado babaa na Hanun le fofoa ƒe ku ta. Esi David ƒe amewo va ɖo Amonitɔwo ƒe anyigba dzi la," data/train/2SA/2SA_005_Verse_001.mp3,Ale David wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ eye wòsi Filistitɔwo tso keke Gibeon va se ɖe Gezer. data/train/2SA/2SA_021_Verse_001.mp3,Ame ene siawo nye Rafa ƒe dzidzimeviwo tso Gat eye wotsi David kple eƒe amewo ƒe asi me. data/train/2SA/2SA_013_Verse_027.mp3,"Ke fofoa gblɔ nɛ be, “Ao, vinye, ne mí katã míeva la, míanye agba na wò akpa.” Absalom ƒoe ɖe enu gake melɔ̃ ɖe yiyi dzi o; ɖeko wòda akpe nɛ ɖe eƒe amekpekpe la ta." data/train/2SA/2SA_017_Verse_019.mp3,"Le ɣeyiɣi ma me la, esi Absalom do ŋukpe Ahitofel le dukɔ la ŋkume eye mexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo o ta la, Ahitofel de eƒe tedzi dzi eye wòyi wo de. Esi wòdzra eƒe aƒe ɖo vɔ la, ede ka ve na eɖokui. Ale Ahitofel ku eye woɖii ɖe fofoa xa." data/train/2SA/2SA_017_Verse_009.mp3,"Ènya fofowò kple eƒe amewo nyuie, ènya be wonye aʋawɔla sesẽwo. Ɖewohĩ David ƒe mo nyra ɖa abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi le egbɔ la ene. Aʋawɔla xɔŋkɔ, kpɔnuteƒee fofowò nye, ne zã do la, mamlɔ aʋawɔlawo dome o." data/train/2SA/2SA_007_Verse_029.mp3,"“Yi nàgblɔ na nye dɔla David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe wòle be nàtu xɔ nam manɔ emea?" data/train/2SA/2SA_014_Verse_020.mp3,"Fia la yi edzi be, “Yoab ye nye ame si dɔ wò ɖe afi sia?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, aleke mate ŋu agblɔ be menye eyae o? Ɛ̃, Yoab ye dɔm ɖa eye wògblɔ nu si magblɔ na wò la nam." data/train/2SA/2SA_013_Verse_007.mp3,Ale Absalom ƒe amewo wɔ Amnon abe ale si Absalom ɖo na wo ene. Tete fia la ƒe viwo katã lia woƒe tedzisɔwo dzi eye wosi dzo. data/train/2SA/2SA_022_Verse_019.mp3,Ewɔ viviti nɔ eme abe agbadɔ ene eye lilikpo yibɔ si dzaa tsi lae ƒo xlãe data/train/2SA/2SA_015_Verse_025.mp3,"Fia la gblɔ na Zadok be, “Kpɔ ɖa, medi be nàtrɔ le ŋutifafa me ayi dua me kple viwò Ahimaaz kple Abiata ƒe vi, Yonatan." data/train/2SA/2SA_024_Verse_011.mp3,"Esi wotsa le anyigba blibo la dzi vɔ la, wotrɔ gbɔ va Yerusalem, esi wotsa le ɣleti asiekɛ kple ŋkeke blaeve kple vɔwo megbe." data/train/2SA/2SA_004_Verse_001.mp3,"Azɔ la, ŋutsu eve nɔ Saul ƒe viŋutsu si eye wonye adzohawo nunɔlawo. Ɖeka ŋkɔe nye Baana eye evelia ŋkɔe nye Rekab. Wonye Rimon, Beerot tɔ, ame si tso Banyamin to la me la ƒe viwo. Wobua Beerot abe Benyamin ƒe akpa aɖe ene" data/train/2SA/2SA_013_Verse_017.mp3,"Esi Fia David se nya si dzɔ la, edo dɔmedzoe ŋutɔ." data/train/2SA/2SA_018_Verse_005.mp3,"David ƒe amewo dometɔ ɖeka kpɔe eye wògblɔe na Yoab bena, “Kpɔ ɖa, mekpɔ Absalom wòtsi klẽti aɖe ŋu.”" data/train/2SA/2SA_012_Verse_013.mp3,"Èwɔe le bebeme ke nye ya mawɔ nu sia ɖe ŋuwò le gaglãgbe, le Israel blibo la ŋkume.’ ”" data/train/2SA/2SA_006_Verse_007.mp3,"David kple Israel ƒe aƒe blibo la katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume. Wonɔ ha dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, gaviwo kple gakogoewo ŋu." data/train/2SA/2SA_002_Verse_012.mp3,"Esi Abner nye kɔ kpɔ megbe eye wòkpɔ Asahel wògbɔna la, ebiae be, “Wòe nye ema, Asahel?” Asahel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee!”" data/train/2SA/2SA_003_Verse_031.mp3,"Paltiel dze srɔ̃a yome nɔ avi fam va se ɖe keke Bahurim, hafi Abner na wòtrɔ yi aƒe." data/train/2SA/2SA_024_Verse_017.mp3,"Ke Yoab ɖo eŋu na fia la be, “Yehowa, wò Mawu la nadzi wò aʋakɔwo ɖe edzi zi alafa eye wòana be nye aƒetɔ, fia la ƒe ŋkuwo nakpɔ esia gake nu ka ŋuti nye aƒetɔ, fia la di be yeawɔ nu sia ɖo?”" data/train/2SA/2SA_014_Verse_022.mp3,"Nyɔnu la gblɔ be, “Ekema nu ka ta nèɖo nu sia tsitre ɖe Mawu ƒe amewo ŋuti? Elabena le nyametsotso si nèna nu la, fia la bu fɔ eɖokui le esime megbugbɔ via si wònya de gbe la va aƒee o." data/train/2SA/2SA_012_Verse_022.mp3,"Le ŋkeke adrea gbe la, ɖevi la ku. David ŋumewo vɔ̃ be yewoagblɔe nɛ. Wogblɔ be “Esi ɖevia nɔ agbe la, míeƒo nu nɛ, ke meɖo to mí o; azɔ la, aleke míawɔ agblɔ nɛ be ɖevia ku? Ate ŋu awɔ nuvevi eɖokui.”" data/train/2SA/2SA_001_Verse_009.mp3,"“Ebiam be, ‘Ame ka nènye?’ “Meɖo eŋu be ‘Amalekitɔe menye.’" data/train/2SA/2SA_021_Verse_020.mp3,"Woɖi Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo ɖe Saul fofo, Kis ƒe yɔdo la me le Zela, le Benyaminyigba dzi eye wowɔ nu siwo katã fia la ɖo da ɖi. Le esia megbe la, Mawu se woƒe gbedodoɖa eye wòtsi dɔwuame la nu." data/train/2SA/2SA_015_Verse_014.mp3,"Efɔna kaba ŋdi sia ŋdi, yia dua ƒe agbonu eye ne ame aɖe tsɔ nya aɖe gbɔna be fia nadrɔ̃ na ye la, Absalom yɔnɛ eye wòbianɛ be, “Du ka me nètso?” Ne ame la ɖo eŋu be “Wò dɔla tso Israel toawo dometɔ ɖeka me la,”" data/train/2SA/2SA_004_Verse_007.mp3,"Ke David ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa, ame si ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me la ka atam" data/train/2SA/2SA_003_Verse_039.mp3,"Yoab yi Fia la gbɔ eye wògblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, Abner va gbɔwò. Nu ka ta nèɖe asi le eŋu? Fifia edzo!" data/train/2SA/2SA_021_Verse_000.mp3,"Ale Fia David yɔ Gibeontɔwo ƒo ƒu. Womenye Israelviwo o, ke boŋ wonye Amoritɔ siwo susɔ. Israel ka atam be yemawu wo o, ke Saul di be yeatsrɔ̃ wo le ŋuʋaʋã ɖe Israel kple Yuda nu ta." data/train/2SA/2SA_012_Verse_026.mp3,"Nu sia wɔ nuku na eŋumewo eye wogblɔ nɛ be, “Míese wò nuwɔna sia gɔme o. Esi ɖevia nɔ agbe la, èfa avi eye nègbe nuɖuɖu, ke azɔ esi ɖevia ku la, èdzudzɔ konyifafa eye nègade asi nuɖuɖu me.”" data/train/2SA/2SA_024_Verse_003.mp3,"David gblɔ na Gad be, “Meɖo xaxa gã aɖe me. Na míadze Yehowa ƒe asi me le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ la ta, ke mègana madze amegbetɔ ƒe asi me o.”" data/train/2SA/2SA_001_Verse_025.mp3,"Wofa konyi, fa avi eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ ɖe Saul kple via Yonatan kple Yehowa ƒe aʋakɔ kple Israel ƒe aƒe la ta elabena wotsi yi nu." data/train/2SA/2SA_005_Verse_014.mp3,"Esi Filistitɔwo se be David zu Israel fia yeyea la, woƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu be yewoayi aɖalée. Ke David se be Filistitɔwo gbɔna eya ta wòsi yi mɔ sesẽ la me." data/train/2SA/2SA_019_Verse_029.mp3,"Ke Mefiboset gblɔ na fia la be, “Tsɔ anyigba la katã nɛ: nye aƒetɔ ƒe tɔtrɔgbɔ ɖeɖe sɔ gbɔ nam!”" data/train/2SA/2SA_014_Verse_007.mp3,Ekema nàyi fia la gbɔ eye nàgblɔ nu si magblɔ na wò be nàgblɔ la nɛ.” data/train/2SA/2SA_023_Verse_004.mp3,"Ame Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ. Enɔ ame etɔ̃ siwo kpe ɖe David ŋu wotɔ te Filistitɔwo le Pas Damim esime Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si la dome." data/train/2SA/2SA_024_Verse_016.mp3,Ke fia la ƒe nya ɖu Yoab kple aʋafia bubuawo tɔ dzi ale wodzo le fia la ŋkume be woaɖaŋlɔ ŋutsu siwo katã ate ŋu ayi aʋa le Israel la ƒe ŋkɔ. data/train/2SA/2SA_010_Verse_013.mp3,"Hadadezer na Aramtɔwo tso tɔsisi la godo yi Helam eye wonɔ Sobak, Hadadezer ƒe aʋafia ƒe kpɔkplɔ te." data/train/2SA/2SA_024_Verse_013.mp3,"Gad yi David gbɔ eye wòbiae be, “Ɖe nàtia be dɔwuame nava anyigba dzi ƒe adre loo, alo nàsi le wò futɔwo nu ɣleti etɔ̃ loo, alo dɔvɔ̃ nava anyigba la dzi ŋkeke etɔ̃a? Bu nu siawo ŋu nyuie eye nàna manya ŋuɖoɖo si mana ame si dɔm la.”" data/train/2SA/2SA_002_Verse_029.mp3,"Yoab nɔviŋutsuwo, Abisai kple Asahel hã nɔ aʋawɔlawo dome. Asahel ƒua du abe zi ene" data/train/2SA/2SA_022_Verse_025.mp3,"Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ke wò ŋku le dadalawo ŋu, be nabɔbɔ wo ɖe anyi." data/train/2SA/2SA_019_Verse_023.mp3,"Fia la trɔ ɖe Simei ŋu eye wògblɔ be, “Mana nànɔ agbe.” Ale fia la ka atam ɖe nya sia dzi nɛ." data/train/2SA/2SA_002_Verse_003.mp3,"Abner gblɔ nɛ be, “Ti ame bubu yome!” Ke Asahel gbe eye wòyi eyometiti dzi." data/train/2SA/2SA_021_Verse_018.mp3,"Rizpa, Aya ƒe vinyɔnu, ame si nye ŋutsu eveawo dada la keke akpanya ɖe agakpe aɖe dzi eye wònɔ afi ma le viawo ƒe kukuawo gbɔ tso nuxaɣi va se ɖe tsidzaŋɔli la, ale be akagawo mavuvu wo le ŋkeke me o eye lã wɔadãwo hã maɖu wo le zã me o." data/train/2SA/2SA_013_Verse_013.mp3,"Amnon ƒe lɔlɔ̃ na Tamar va ɖe fu nɛ ale gbegbe be wòdze dɔ. Amnon mekpɔ mɔnu aɖeke awɔ naneke kplii o, elabena Tamar menya ŋutsu haɖe o." data/train/2SA/2SA_005_Verse_007.mp3,"David bia Yehowa be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”" data/train/2SA/2SA_007_Verse_016.mp3,"Le wò nya la ta kple wò lɔlɔ̃nu me, nèwɔ nu gã sia eye nèna wò dɔla nya." data/train/2SA/2SA_021_Verse_022.mp3,"ɖu fewu le Israel ŋu ale Yonatan, ame si nye, David nɔviŋutsu Simea ƒe vi la wui." data/train/2SA/2SA_022_Verse_040.mp3,"Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso, nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ. Nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye ɖela èɖem le nye futɔwo katã ƒe asi me." data/train/2SA/2SA_005_Verse_004.mp3,"Azɔ la, David kplɔ eƒe aʋawɔlawo yi Yerusalem be woawɔ aʋa kple Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem. Ke Yebusitɔwo gblɔ na David be, “Màte ŋu axɔ afi sia o, ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo gɔ̃ hã axe mɔ na wò!” Wogblɔ alea elabena wobu be yewonɔ dedie." data/train/2SA/2SA_009_Verse_012.mp3,"Wò kple viwòwo kple wò subɔlawo miade agble ɖe anyigba la dzi nɛ eye miatsɔ nukuawo vɛ ale be wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi nakpɔ nuɖuɖu. Ke Mefiboset, wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi, aɖu nu le nye kplɔ̃ ŋu.” Azɔ la, viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve nɔ Ziba si." data/train/2SA/2SA_004_Verse_010.mp3,Woge ɖe aƒea me abe lu tsɔ ge woyi le titinaxɔ me ene; wotɔ hɛ dɔme nɛ eye wosi dzo. data/train/2SA/2SA_003_Verse_034.mp3,"Wodzi ŋutsuviwo na David esi wònɔ Hebron. Via ŋutsu tsitsitɔe nye Amnon, ame si dadae nye Ahinoam tso Yezreel." data/train/2SA/2SA_003_Verse_017.mp3,"Ènya Abner, Ner ƒe vi, nyuie; ɖe wòva be yeable wò, yealé ŋku ɖe wò afɔɖeɖewo ŋu eye yeanya nu sia nu si wɔm nèle.”" data/train/2SA/2SA_017_Verse_027.mp3,"Ɖewohĩ ebe ɖe do alo agado aɖe me ɖa xoxo! Ne edo va dze mia dzi eye wòwu miaƒe ame aɖewo la, vɔvɔ̃ aɖo wò aʋawɔlawo eye ame sia ame ade asi ɣlidodo me be wosi aʋakɔ si kplɔ Absalom ɖo." data/train/2SA/2SA_008_Verse_003.mp3,"David lé sɔdola akpe wuiadre (17,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka ko." data/train/2SA/2SA_019_Verse_012.mp3,"Egbe mexɔ ƒe blaenyi; ɖe magate ŋu ade vovototo nu si nyo kple nu si menyo o la domea? Ɖe nuɖuɖu kple nunono agasɔ aɖe dzi na wò dɔla abe tsã enea? Alo ɖe ŋutsu kple nyɔnu hadzihawo ƒe ha agasɔ to me nam abe tsã enea? Nu ka wɔ nye aƒetɔ, fia la aɖe mɔ be nye, wò dɔla, mazu agba na wò?" data/train/2SA/2SA_012_Verse_028.mp3,"Tete Natan gblɔ na David be, “Wò tututue nye kesinɔtɔ ma! Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi eye meɖe wò tso Saul ƒe asi me;" data/train/2SA/2SA_022_Verse_047.mp3,Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo gake ame aɖeke mexɔ na wo o elabena Yehowa metɔ na wo o. data/train/2SA/2SA_013_Verse_022.mp3,Eyi fofoa David gbɔ hekpe eya hã kple eŋumewo be woava kpɔ dzidzɔ kple ye. data/train/2SA/2SA_019_Verse_019.mp3,"Fia David ɖo du sia ɖe Zadok kple Abiata, ame siwo nye nunɔlawo la be, “Mibia Yuda ƒe ametsitsiwo be, ‘Nu ka ta miawoe anye ame mamlɛtɔ siwo agbugbɔ fia la va eƒe fiasã la me esi nya si gblɔm wole le Israelnyigba blibo la dzi la ɖo fia la gbɔ le eƒe nɔƒe?" data/train/2SA/2SA_003_Verse_009.mp3,"Ameawo katã de dzesi nya sia eye wokpɔ ŋudzedze le eŋu; le nyateƒe me la, nu sia nu si fia la wɔ la dze wo ŋu." data/train/2SA/2SA_022_Verse_033.mp3,"Mawue nye nye mɔ sesẽ, eyae na nye mɔ zu gbadzaa." data/train/2SA/2SA_016_Verse_013.mp3,"Fia la bia Ziba be, “Nu ka míawɔ kple nu siawo?” Ziba ɖo eŋu be, “Tedziawo nye wò amewo tɔ be woanɔ dodom, aboloawo kple kutsetseawo nye ɖekakpuiawo ƒe nuɖuɖu. Ne ɖeɖi te ŋuwòme aɖe ŋu le gbegbea la, wòano wain la.”" data/train/2SA/2SA_002_Verse_005.mp3,Ale aʋakɔ eveawo dometɔ ɖe sia ɖe tia ɖekakpui wuieve na Benyamin kple Saul vi Is Boset eye wuieve bubu na David. data/train/1TI/1TI_005_Verse_012.mp3,"Ke ne viwo alo mamayɔviwo le wo si la, ekema ele be woawo nakpɔ wo dzi, elabena ele be dɔmenyowɔwɔ nadze egɔme tso aƒe me, eya ta ele be woakpe ɖe wo dzila siwo le hiã me la ŋuti. Esia nye nane si dzea Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ." data/train/1TI/1TI_005_Verse_005.mp3,"Eya ta mesusu be enyo na ahosi siwo metsi o la be woagaɖe srɔ̃, adzi viwo, eye woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒe dzi. Ekema ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya aɖeke ɖe wo ŋuti o." data/train/1TI/1TI_006_Verse_012.mp3,"Mawu sia ɖeka hɔ̃ɔ koe mate ŋu aku o; keklẽ gã dziŋɔ aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu ate ɖe eŋuti o. Amegbetɔ aɖeke mekpɔe kpɔ o, eye womakpɔe akpɔ hã o. Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ kple dziɖuɖu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen." data/train/1TI/1TI_005_Verse_023.mp3,Woaka mo na nu vɔ̃ wɔlawo le hame bliboa ŋkume be wòanye kpɔɖeŋu na ame bubuwo. data/train/1TI/1TI_005_Verse_017.mp3,"Na magaɖo ŋku edzi na wò ake be ele na ahosiwo ƒe ƒometɔwo be woakpɔ wo dzi, eye mele be woaɖe asi le dɔ sia wɔwɔ ŋuti na hamea o. Ekema hamea ate ŋu atsɔ ga si le esi la akpɔ ahosi amemanɔsitɔwo dzii." data/train/1TI/1TI_006_Verse_020.mp3,"To esia wɔwɔ me la, woanɔ kesinɔnu vavãwo ƒom ƒu ɖe dziƒo na wo ɖokuiwo. Eya koe anye gɔmeɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi." data/train/1TI/1TI_005_Verse_019.mp3,"Nenema ke ame sia ame nya ale si hamemegã aɖewo wɔa dɔ nyuie, gake ɣe aɖewo ɣi la, womenya woƒe dɔ nyui wɔwɔwo o va se ɖe ɣeyiɣi didi aɖewo megbe hafi." data/train/1TI/1TI_002_Verse_003.mp3,"Esia nyo, eye wòdze Mawu mía Ɖela la ŋu." data/train/1TI/1TI_001_Verse_020.mp3,"Ŋutikɔkɔe kple bubu woana Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eyae nye Fia tso blema ke, eye wònye Mawu makumakua si womekpɔna o, eye wòyɔ fũu kple nunya. Eya ɖeka koe nye Mawu. Amen." data/train/1TI/1TI_001_Verse_003.mp3,Himenaio kple Aleksandro wonye nu sia wɔlawo ƒe kpɔɖeŋuwo. Eva nɔ nam be matsɔ wo de asi na Satana be woahe to na wo va se ɖe esime woanyae be menyo be woaƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ o. data/train/1TI/1TI_005_Verse_013.mp3,"Mègatsi dzi klokloklo le hamemegãtiatia me o. Wò ŋku abu le eƒe nu vɔ̃wo dzi, eye wòawɔ abe ɖe nède eƒe nu vɔ̃wo dzi ene. Lé ɖokuiwò dzadzɛ." data/train/1TI/1TI_003_Verse_003.mp3,"Ele be woado wo kpɔ gbã, eye ne naneke meku ɖe o ŋu o la, woaɖe mɔ woawɔ subɔla ƒe dɔ." data/train/1TI/1TI_001_Verse_001.mp3,"Azɔ vinye, Timoteo, esia nye nye sedede na wò. Wɔ Aƒetɔ la ƒe aʋawo nyuie, abe ale si wògblɔ na mi be míawɔ to eƒe Nyagblɔɖilawo dzi la ene." data/train/1TI/1TI_003_Verse_007.mp3,"Ele vevie be wòanye ame si kpɔa eƒe aƒe dzi nyuie, eye vi ɖotowo le esi." data/train/1TI/1TI_004_Verse_000.mp3,"Ame ɖokui tutuɖo le ŋutilã me nyo, gake tutuɖo le gbɔgbɔ me le vevie wu, elabena enye atike na nu sia nu si nàwɔ. Eya ta tu ɖokuiwò ɖo le gbɔgbɔ me, eye nàdze agbagba be yeanye kristotɔ nyui wu, elabena eyae ava kpe ɖe ŋuwò. Menye fifia le agbe sia me ko o, ke boŋ le agbe si ava va la me hã." data/train/1TI/1TI_005_Verse_003.mp3,"Ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui le amewo katã gbɔ le eƒe dɔ nyui wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ame si hea viawo nyuie, lɔ̃a amedzrowɔwɔ, klɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔwo, kpena ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu, eye wòƒoa eɖokui ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me." data/train/1TI/1TI_003_Verse_013.mp3,"Nenema kee wòle na subɔlawo hã be woanye ame siwo ŋu bubu le kple nyateƒetɔwo, menye ahatsunolawo kple ame siwo tia viɖe ƒoɖiwo yome o." data/train/1TI/1TI_002_Verse_000.mp3,"Edi vevie be ame sia ame nakpɔ ɖeɖe, eye wòase nyateƒe sia gɔme be:" data/train/1TI/1TI_004_Verse_008.mp3,"Lé ŋku ɖe nu siwo katã nèsusuna kple nu siwo katã nèwɔna la ŋuti nyuie. Lé nu si nyo, eye wòle eteƒe la me ko ɖe asi, eye Mawu ayra wò, eye wòawɔ ŋuwòdɔ le kpekpeɖeŋunana ame bubuwo me." data/train/1TI/1TI_003_Verse_001.mp3,"Azɔ la, ele na hamedzikpɔla be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ame si fa tu, ɖokuidziɖula, ame si ŋu bubu le, amedzrowɔla, ame si nya nufiafia" data/train/1TI/1TI_001_Verse_005.mp3,"Lé wò xɔse si le Kristo me la ɖe asi sesĩe, eye ɣe sia ɣi la, wò dzitsinya nanɔ dzadzɛe, eye nàwɔ nu si nènya be enyo la ko. Elabena ame aɖewo gbe toɖoɖo woƒe dzitsinya, eye wowɔ nu si wonya nyuie be mele be woawɔ o. Ale mewɔ nuku be esi wogbe Mawu nenema la, wobu woƒe xɔse si le Yesu Kristo me la o." data/train/1TI/1TI_005_Verse_010.mp3,"Ke hã la, esia mefia be nàtsri wain keŋkeŋ o. Ele be nàno sue aɖe ɣe aɖewo ɣi abe atike ene ɖe wò dɔmeɖu la ta, elabena èdzea dɔ kabakaba." data/train/1TI/1TI_006_Verse_005.mp3,"Elabena ne ɣeyiɣia ɖo la, Mawu yayratɔ, fiawo dzi Fia, aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ si koe nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la aɖe Kristo afia tso dziƒo." data/train/1TI/1TI_001_Verse_007.mp3,"Míenyae be se mawo nyo, zi ale si wowɔ wo ŋu dɔ abe ale si Mawu ɖoe la ene." data/train/1TI/1TI_005_Verse_018.mp3,"Ne wotsɔ nya ɖe hamedzikpɔla aɖe ŋu la, mègawɔ nya la ŋu dɔ o, negbe le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe nya nu ko." data/train/1TI/1TI_006_Verse_014.mp3,"nàwɔ nu siwo katã wògblɔ na wò be nàwɔ la, ale be tso fifia dzi va se ɖe esime míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo natrɔ ava la, ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le ŋutiwò o." data/train/1TI/1TI_004_Verse_003.mp3,"eye le esia ta míewɔ dɔ heʋli vevie be míatsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ade Mawu gbagbe la me, ame si nye amewo katã ƒe Ɖela, vevietɔ ame siwo xɔ se." data/train/1TI/1TI_006_Verse_013.mp3,Mele didim tso asiwò le Mawu si na agbe amewo katã kple Kristo Yesu si ɖi ɖase dzideƒotɔe le Pontio Pilato gbɔ la ƒe ŋkume be data/train/1TI/1TI_005_Verse_024.mp3,"Womatsɔ ahosi aɖeke ƒe ŋkɔ ade ahosiwo dome o, negbe exɔ ƒe blaade kple edzivɔ, eye wònye ame si nɔ srɔ̃a gbɔ le nyateƒetoto me." data/train/1TI/1TI_006_Verse_011.mp3,"Kluvi siwo nye kristotɔwo la nawɔ dɔ na woƒe aƒetɔwo kple ŋusẽ, eye woabu wo; mègana woagblɔ tso Kristo ƒe hadɔwɔlawo ŋuti be wonye kuviatɔwo o. Mègana Mawu ƒe ŋkɔ alo eƒe nufiafia nazu alɔmeɖenu le nu sia ta o." data/train/1TI/1TI_002_Verse_006.mp3,"Eya ta medi be le afi sia afi la, ŋutsuwo nado woƒe asi kɔkɔewo ɖe dzi na Mawu, ado gbe ɖa, elabena wovo tso nu vɔ̃, dziku kple fuléle si me." data/train/1TI/1TI_001_Verse_002.mp3,"Esia nye nyateƒenya si wòle be woaɖo toe, axɔe ase keŋ be Kristo Yesu va xexea me nu vɔ̃ wɔlawo ɖe ge, ame siwo dome menye gãtɔ le." data/train/1TI/1TI_004_Verse_015.mp3,"Woagblɔ be menyo be woaɖe srɔ̃ o, eye menyo hã be woaɖu nanewo o, evɔ wònye Mawue tsɔ nu siawo na xɔsetɔ siwo li ke, eye wonya nyateƒe la be woakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woada akpe ɖe wo ta hafi." data/train/1TI/1TI_004_Verse_009.mp3,Megagblẽ wò ɣeyiɣi anɔ nya hem tso susu manyatanuwo kple movinyawo kple gli dzodzrowo ŋuti o. Ke boŋ zã wò ɣeyiɣiwo kple wò ŋusẽ nàtsɔ atu ɖokuiwò ɖoe le gbɔgbɔ me. data/train/1TI/1TI_003_Verse_000.mp3,"ale be ne nye vava he ɖe megbe hã la, miate ŋu anya ale si miazɔ le Mawu ƒe aƒe si nye Mawu gbagbe la ƒe ha, si lé Mawu ƒe nyateƒe la me ɖe asi sesĩe la me." data/train/1TI/1TI_003_Verse_008.mp3,"Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o, gake ele bɔbɔe le Kristo ta, ame si va anyigba dzi abe ame ene. Ɖiƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o, eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me. Mawudɔlawo kpɔe, eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome. Amewo xɔ edzi se le afi sia afi si wòyi, eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo." data/train/1TI/1TI_004_Verse_001.mp3,"Elabena nu sia nu si Mawu wɔ la nyo, eye miate ŋu aɖui kple dzidzɔ nenye be mieda akpe ɖe eta," data/train/1TI/1TI_005_Verse_001.mp3,"Elabena mevɔ̃ be wo dometɔ aɖewo do hamea me, eye Satana kplɔ wo tra mɔe xoxo." data/train/1TI/1TI_006_Verse_008.mp3,"Ke mawuvɔvɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ nye viɖe gã," data/train/1TI/1TI_006_Verse_021.mp3,"Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ si woyɔ wò na, esi nèʋu eme nyuie le ɖasefo geɖewo ƒe ŋkume la me ɖe asi sesĩe." data/train/1TI/1TI_001_Verse_009.mp3,"na ahasiwɔlawo kple nu tovo wɔlawo, amesitsalawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo kple nu sia nu si tsi tsitre ɖe nufiafia vavãtɔ" data/train/1TI/1TI_002_Verse_012.mp3,"Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be wòafia nu alo aɖu amegã ɖe ŋutsu dzi o, ke boŋ nezi ɖoɖoe." data/train/1TI/1TI_001_Verse_017.mp3,"togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam, elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, eye dzixɔse menɔ asinye o." data/train/1TI/1TI_002_Verse_009.mp3,ke boŋ kple nu nyui wɔwɔ si dze nyɔnu siwo ʋua eme be yewonye mawusubɔlawo. data/train/1TI/1TI_002_Verse_004.mp3,Ewɔ esia esi wòtsɔ eƒe agbe na ɖe amewo katã ta. Esia nye ɖaseɖiɖi si Mawu tsɔ na xexea me le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. data/train/1TI/1TI_003_Verse_006.mp3,"Ele na wo srɔ̃nyɔnuwo be woanye ame ɖɔŋuɖowo, ke menye ahatsunolawo kple amenyagblɔlawo o, ke boŋ woawɔ nuteƒe le nu sia nu me." data/train/1TI/1TI_005_Verse_015.mp3,"Mele be woaxɔ ahosi siwo metsi o la ɖe dɔ tɔxɛ wɔla siawo dome o, elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woada le adzɔgbe si woɖe na Kristo la dzi, eye woagaɖe srɔ̃." data/train/1TI/1TI_003_Verse_012.mp3,"menye ahatsunola o, menye ame si wɔa nu gbodogbodo o, ke boŋ ewɔa nu le bɔbɔenyenye me, menye dzrewɔla alo galɔ̃la o." data/train/1TI/1TI_006_Verse_003.mp3,"Ame siwo dina be yewoazu hotsuitɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kple movidzɔdzɔ kple didi vɔ̃wo me, esiwo kplɔa amewo yina ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me." data/train/1TI/1TI_005_Verse_009.mp3,"Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevitɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ mɔ be wòayɔ eɖokui be xɔsetɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi." data/train/1TI/1TI_004_Verse_011.mp3,"Ne èɖe nu siawo me na ame bubuwo la, ànɔ wò dɔdeasi wɔm abe Yesu Kristo ƒe subɔla nyui si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia dzɔdzɔetɔ si yome nèdze la nu ene." data/train/1TI/1TI_002_Verse_014.mp3,"Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene la koe va dzra Mawu kple amegbetɔwo dome ɖo." data/train/1TI/1TI_006_Verse_018.mp3,"O, Timoteo, mègado kpo nu siwo Mawu tsɔ de asiwò la wɔwɔ o. Mègahe nya manyatanu kple ame siwo dana be yewonya nu, evɔ womenyae o la o." data/train/1TI/1TI_006_Verse_007.mp3,"Gblɔ na wo be woawɔ woƒe ga ŋu dɔ le dɔ nyui wɔwɔ me. Ele be woazu kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me, eye woana nu hiãtɔwo faa kple dzidzɔ, eye woanɔ klalo ɣe sia ɣi be woama nu sia nu si Mawu tsɔ na wo la kple ame bubuwo." data/train/1TI/1TI_001_Verse_019.mp3,"Wodi be yewoaxɔ ŋkɔ abe Mose ƒe sefialagãwo ene, evɔ woawo ŋutɔ menya naneke gobii tso Mose ƒe seawo kple nu si wofiaa mí la ŋu hafi o." data/train/1TI/1TI_006_Verse_009.mp3,"Ke ne nuɖuɖu kple nudodowo le mía si la, mina woadze mia ŋu." data/train/1TI/1TI_005_Verse_000.mp3,"Ale woadze na tohehe, elabena woda le woƒe ŋugbedodo ƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi." data/train/1TI/1TI_003_Verse_004.mp3,"Ele na hamedzikpɔla be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui tso hamea godotɔwo hã gbɔ, ale be mage adze vlododo kple Abosam ƒe mɔ me o." data/train/1TI/1TI_004_Verse_006.mp3,"Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe na mi kɔtɛe be le ŋkeke mamlɛawo me la, ame aɖewo le hamea me atrɔ le woƒe dzixɔse yome adze nufiala siwo ƒe susuwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo yɔ la yome kple dzo." data/train/1TI/1TI_003_Verse_005.mp3,Ele na wo be woalé xɔse la ƒe nyateƒe detowo me ɖe asi kple dzitsinya nyui. data/train/1TI/1TI_002_Verse_010.mp3,"Nenema ke medi be nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le dzadzɛnyenye kple nu dzeame wɔwɔ me, menye le atsyɔ̃ɖoɖo vivivo kple ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo kple dzonu xɔasiwo dede kple avɔ xɔasiwo tata me o," data/train/1TI/1TI_003_Verse_016.mp3,"Togbɔ be mele mɔ kpɔm be mava mia gbɔ kpuie hã la, mele nu siawo ŋlɔm na mi," data/train/1TI/1TI_004_Verse_012.mp3,"Nufiala siawo aɖo mo ta, ada alakpa, eye woadae enuenu ale gbegbe be woƒe dzitsinya magaɖe fu na wo gɔ̃ hã o." data/train/1TI/1TI_002_Verse_001.mp3,Ele na nyɔnu be wòasrɔ̃ toɖoɖo le ɖoɖoezizi kple ɖokuibɔbɔ siaa me. data/train/1TI/1TI_004_Verse_005.mp3,"Fia nu siawo, eye nàkpɔ egbɔ be ame sia ame srɔ̃ wo nyuie." data/train/1TI/1TI_001_Verse_004.mp3,"Ke Mawu kpɔ nublanui nam ale be Kristo Yesu ate ŋu awɔ ŋutinyedɔ abe kpɔɖeŋu ene be wòatsɔ afia ale si wòte ŋu gbɔa dzi ɖi na nu vɔ̃ wɔla gãtɔ kekeake gɔ̃ hã ame sia ame, ale be woawo hã naxɔe se be woate ŋu akpɔ agbe mavɔ." data/train/1TI/1TI_006_Verse_001.mp3,"Ame si agblɔ nya aɖe si ato vovo tso esia gbɔ la, ame ma nye dadala, eye menya naneke o. Ke ele nyahehe siwo awu nu le masɔmasɔ kple dziku me la hem vɛ. Esia ƒe metsonuwo koe anye ŋuʋaʋã, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi susu ɖe ame nɔewo ŋuti." data/train/1TI/1TI_001_Verse_014.mp3,"O, míaƒe Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo loo, elabena efia ale si wòle be maxɔ edzi ase lam, be Kristo Yesu ƒe lɔlɔ̃ nayɔ menye fũu." data/train/1TI/1TI_004_Verse_007.mp3,"Kpɔ egbɔ be, yewɔ amenuvenunana siwo Mawu na wò to eƒe nyagblɔɖilawo dzi, esi hamemegãwo da asi ɖe dziwò la ŋu dɔ nyuie." data/train/1TI/1TI_006_Verse_017.mp3,"Nyahela siawo, esiwo ƒe susuwo nu vɔ̃ bla goŋgoŋ la menya ale si woagblɔ nyateƒe lae o. Le woawo gbɔ la, agbenya la gbɔgblɔ nye gakpɔmɔnu ko eya ta mite ɖa xaa tso wo gbɔ." data/train/1TI/1TI_005_Verse_016.mp3,Mele se dem na wò moveviɖotɔe le Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo kple mawudɔla kɔkɔeawo katã ƒe ŋkume be nàwɔ nu sia ne hamemegã la nye xɔ̃wò vevi loo alo menye xɔ̃wò o. Ele be woatsɔ dzidzenu ɖeka ma ko na ame sia ame. data/train/1TI/1TI_005_Verse_022.mp3,"Tsɔ nyɔnu tsitsiwo abe dawòwo ene, eye ɖetugbiwo abe nɔviwò nyɔnuwo ene eye susu dzadzɛwo ko nanɔ wò ta me ɖe wo ŋu." data/train/1TI/1TI_001_Verse_008.mp3,"Míenyae hã be menye ame nyuiwoe wowɔ se la na o, ke boŋ sedzidalawo kple aglãdzelawo, mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ame makɔmakɔwo kple mawumasubɔlawoe wowɔ se la na, ame siwo wua wo fofowo kple wo dadawo na hlɔ̃dolawo" data/train/1TI/1TI_002_Verse_015.mp3,ɖe fiawo kple dziɖulawo katã ta be míanɔ anyi le ŋutifafa kple agbe ƒe dziɖeɖi me le mawuvɔvɔ̃ kple kɔkɔenyenye siaa me. data/train/1TI/1TI_002_Verse_005.mp3,"Eya ta Mawu na be nyɔnuwo nakpe fu ase veve le woƒe vidzidzi me, ke aɖe woƒe luʋɔwo ne woxɔ edzi se, eye wonɔ agbe nyui le lɔlɔ̃ vavã me." data/train/1TI/1TI_003_Verse_014.mp3,"Subɔlawo nanye srɔ̃ ɖeka tɔwo, eye dzidzɔ kple toɖoɖo nanɔ woƒe aƒewo me." data/train/1TI/1TI_001_Verse_018.mp3,"tɔ te wo be womagagblẽ woƒe ɣeyiɣiwo ɖe gliwo kple dzɔdzɔmenyatotowo ŋu o, elabena nu siawo hea nyahehe dzodzrowo vanɛ ɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔ si xɔse hena vanɛ la teƒe." data/train/1TI/1TI_005_Verse_008.mp3,"Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele eme be woava zu ame ɖɔewo, eye woagblẽ woƒe ɣeyiɣi anɔ ameŋunya gblɔm tso aƒe si me yi ekemɛ me, anɔ nu dem ame bubuwo ƒe nya me." data/train/1TI/1TI_004_Verse_010.mp3,"Mègana ame aɖeke nabu wò ame gblɔe le wò ɖekakpuinyenye ta o, ke boŋ nye kpɔɖeŋu nyuitɔ na wo. Na woadze nu si nèfiana kple agbe si nènɔna la yome. Na wò lɔlɔ̃, wò xɔse kple wò susu dzadzɛwo nanye kpɔɖeŋu na wo." data/train/1TI/1TI_002_Verse_008.mp3,"Eye menye Adam Satana ble o, ke boŋ Evae, eye to esia me, nu vɔ̃ va." data/train/1TI/1TI_003_Verse_010.mp3,"Kpeɖeŋutɔ siwo wɔ dɔ nyuie la ƒe fetu anye be amewo naɖo bubu na wo, eye woawo ŋutɔ ƒe dzideƒo kple xɔse le Yesu Kristo me hã atsi ɖe edzi." data/train/1TI/1TI_002_Verse_002.mp3,Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wotiam be manye Mawu ƒe apostolo kple nyanyuidɔgbedela si agblɔ nyateƒe sia na ame siwo menye Yudatɔwo o; afia Mawu ƒe ɖoɖo amewo be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me. data/train/1TI/1TI_006_Verse_004.mp3,"elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒãa be míatsɔ naneke hã adzoe o." data/train/1TI/1TI_006_Verse_006.mp3,"Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu." data/train/1TI/1TI_005_Verse_025.mp3,"Ɖo ŋku edzi be ŋutsu aɖewo, hamemegã aɖewo gɔ̃ hã, le nu vɔ̃ wɔm, eye esia le nyanya na ame sia ame. Le nu siawo me la, àte ŋu awɔ nane tso eŋuti. Ke le go bubuwo me la, ʋɔnudrɔ̃gbe la koe ate ŋu aɖe nyateƒe dziŋɔ la ɖe go." data/train/1JN/1JN_001_Verse_000.mp3,"Agbe sia do, míekpɔe, míeɖia ɖase le eŋuti, eye míeɖea gbeƒã agbe mavɔ si le Fofoa gbɔ, eye wòdze na mí la na mi." data/train/1JN/1JN_005_Verse_014.mp3,"Míenyae hã be Mawu Vi la va, eye wòna nugɔmesese mí, ale be míanye eya ame si nye nyateƒea. Míele nyateƒea si nye Via Yesu Kristo la me. Eyae nye nyateƒe Mawu kple agbe mavɔ la." data/train/1JN/1JN_005_Verse_001.mp3,Ame kae nye ame si ɖu xexea me dzi? Ame si xɔe se be Yesue nye Mawu Vi la koe. data/train/1JN/1JN_004_Verse_011.mp3,"Míekpɔe, eye míeɖi ɖase be Fofo la ɖo Via ɖa be wòanye xexea me ƒe Ɖela." data/train/1JN/1JN_005_Verse_000.mp3,"Ame etɔ̃e li, ame siwo le ɖase ɖim le dziƒo: Fofo la, Nya la kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka." data/train/1JN/1JN_004_Verse_004.mp3,"Ame sia ame si aɖe gbeƒã be Yesue nye Mawu Vi la la, Mawu le eya amea me, eye eya hã le Mawu me." data/train/1JN/1JN_003_Verse_009.mp3,"Eƒe sedede nye esia be míaxɔ via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo abe ale si wòde se na mí ene." data/train/1JN/1JN_003_Verse_020.mp3,"Vinye lɔlɔ̃awo, migana míalɔ̃ mía nɔewo kple nya, alo kple aɖe ɖeɖe ko o, ke boŋ le nuwɔnawo kple nyateƒe me." data/train/1JN/1JN_002_Verse_016.mp3,"Meŋlɔe na mi, fofowo, Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke. Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo, Elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi." data/train/1JN/1JN_003_Verse_015.mp3,"Ne xexemenuwo le ame aɖe si fũu, eye wòkpɔ nɔvia aɖe si nye hiãtɔ, eye mekpɔ nublanui nɛ o la, aleke woate ŋu akpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ le eme?" data/train/1JN/1JN_001_Verse_003.mp3,"Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti." data/train/1JN/1JN_001_Verse_005.mp3,"Míeɖea gbeƒã nu si míekpɔ kple nu si míese la na mi be miawo hã miado ƒome kpli mí, eye míaƒe ƒomedodo sia li kple Fofo la kple Via Yesu Kristo." data/train/1JN/1JN_002_Verse_008.mp3,Eye nu si ƒe ŋugbe wòdo na mí lae nye agbe mavɔ la. data/train/1JN/1JN_002_Verse_012.mp3,"Ke miawo la, amisisi si miexɔ tso egbɔ la nɔa mia me, eye megahiã be ame aɖeke nafia nu mi o, elabena eƒe ami sisi la fiaa nu mi tso nuwo katã ŋuti, eye esi ami sisi sia nye nyateƒetɔ, eye menye aʋatsotɔ o ta la, minɔ eya amea me, abe ale si wòfia mi ene." data/train/1JN/1JN_003_Verse_021.mp3,"Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye le etsɔ megbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la, míanɔ abe eya amea ene, elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene." data/train/1JN/1JN_002_Verse_023.mp3,"Nyemeŋlɔ agbalẽa ɖo ɖe mi ɖe esi mienya nyateƒe la ta o, ke boŋ be mienya nyateƒe la, elabena alakpa mate ŋu ado tso nyateƒe me o." data/train/1JN/1JN_005_Verse_008.mp3,"Eye ame etɔ̃ siawo le ɖase ɖim le anyigba dzi, woawoe nye Gbɔgbɔ la, Tsi la kple Ʋu la, eye wo katã ƒe ɖaseɖiɖi le ɖeka." data/train/1JN/1JN_002_Verse_009.mp3,"Gake ne ame aɖe lé fu nɔvia la, ekema ame sia le viviti me, eye wòzɔna le viviti me, eye menya afi si wòɖo tae o, elabena viviti la tsyɔ mo nɛ." data/train/1JN/1JN_003_Verse_007.mp3,"Esiae nye gbedeasi si miese tso gɔmedzedzea, be ele be míalɔ̃ mía nɔewo." data/train/1JN/1JN_002_Verse_005.mp3,"Azɔ la, vinye lɔlɔ̃awo, minɔ agbe le eya amea me, elabena kakaɖedzi anɔ mía si, eye ŋu makpe mí le eŋkume le eƒe vavaŋkekea dzi o." data/train/1JN/1JN_003_Verse_006.mp3,"Ame siwo wɔna ɖe eƒe sewo dzi la nɔa agbe le eme, eye eya hã nɔa wo me. Eye aleae míenyana be ele agbe le mía me: Míenyae to Gbɔgbɔ si wòna mí la dzi." data/train/1JN/1JN_005_Verse_013.mp3,"Míenyae be Mawu viwoe míenye, eye be xexea me blibo la le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te." data/train/1JN/1JN_005_Verse_005.mp3,Esiae nye ale si míenyana be míelɔ̃a Mawu Viwo: to Mawu lɔlɔ̃ kple eƒe seawo dzi wɔwɔ me. data/train/1JN/1JN_004_Verse_017.mp3,"Vɔ̃vɔ aɖeke menɔa lɔlɔ̃ me o, ke boŋ lɔlɔ̃ vavãtɔ nyaa vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa. Elabena vɔvɔ̃ ku ɖe tohehe ŋu. Ame si vɔ̃na la ƒe lɔlɔ̃ mede blibo o." data/train/1JN/1JN_005_Verse_011.mp3,"Ke ɖaseɖiɖi lae nye esi be Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe mavɔ sia le Via me." data/train/1JN/1JN_002_Verse_010.mp3,"Gake ne ame aɖe wɔa eƒe nya dzi la, Mawu ƒe lɔlɔ̃ de blibo le eya amea me vavã. Eye aleae míawɔ anya be míele eya amea me:" data/train/1JN/1JN_004_Verse_013.mp3,"Míenyae bena míele agbe le eya amea me, eye eya hã le mía me, elabena etsɔ eƒe Gbɔgbɔ de mía me." data/train/1JN/1JN_002_Verse_003.mp3,"ame si gblɔ be yele eya amea me la, nanɔ agbe abe ale si Yesu hã nɔ agbee ene." data/train/1JN/1JN_002_Verse_026.mp3,"Wodo go dzo le mía dome, gake le nyateƒe me la, womenɔ mía dome le woƒe dziwo me o. Nenye mía dometɔ aɖewoe wonye vavã la, anye ne wotsi anyi, eye womedzo le mía gbɔ o. Woƒe dzodzo fia kɔtɛe be wo dometɔ aɖeke menɔ mía dzi o." data/train/1JN/1JN_004_Verse_001.mp3,Ale si míatsɔ dze si Mawu ƒe Gbɔgbɔe nye esi: Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si ɖe gbeƒã be Yesu Kristo va le ŋutilã me la tso Mawu gbɔ. data/train/1JN/1JN_005_Verse_007.mp3,"Eya ta ame sia ame si xɔa Mawu Vi la dzi sena la ɖia ɖase le eƒe dzi me. Eye ame si mexɔa Mawu dzi se o la, ewɔ Mawu aʋatsokalae, elabena mexɔ ɖase si Mawu ɖi le Via ŋu la dzi se o." data/train/1JN/1JN_001_Verse_002.mp3,"Gake ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema Mawu si nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ la atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti." data/train/1JN/1JN_001_Verse_007.mp3,"Ne míegblɔ be nu vɔ̃ mele mía ŋuti o la, ekema míele mía ɖokuiwo blem, eye nyateƒea mele mía me o." data/train/1JN/1JN_005_Verse_020.mp3,"Yesu Kristoe nye ame si va to tsi kple ʋu me. Meva to tsi me ɖeɖe ko o, ke boŋ to tsi kple ʋu me. Eye Gbɔgbɔ lae le ɖase ɖim le nu sia ŋu, elabena Gbɔgbɔ lae nye nyateƒe la." data/train/1JN/1JN_003_Verse_014.mp3,"Ne ame aɖe le agbe le eya amea me la, amea meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi atraɖii o. Ne ame aɖe ganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi edziedzi la, ekema ame sia mekpɔe o loo, alo nyae o." data/train/1JN/1JN_003_Verse_000.mp3,Ale si Yesu Kristo va ku ɖe mía ta la ɖe nu si lɔlɔ̃ nye la fia mí. Eya ta ele be míawo hã míatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi na mía nɔviwo. data/train/1JN/1JN_002_Verse_002.mp3,"Ame si gbe nu le Vi la gbɔ la, menya Fofo la hã o; ke ame si xɔ Vi la la, eya amea xɔ Fofo la hã." data/train/1JN/1JN_003_Verse_019.mp3,"Vinye lɔlɔ̃awo, migana ame aɖeke nable mi ne miatra mɔ o. Ame si wɔa nu nyui la, enye ame dzɔdzɔe abe ale si eya hã le dzɔdzɔe ene." data/train/1JN/1JN_002_Verse_015.mp3,Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi tso ame siwo le agbagba dzem be yewoahe mi ayi mɔtatra dzii la ŋu. data/train/1JN/1JN_004_Verse_002.mp3,"Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ke ne míelɔ̃ mía nɔewo la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mía me, eye eƒe lɔlɔ̃ ade blibo le mía me." data/train/1JN/1JN_002_Verse_018.mp3,"Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo, Elabena wotsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi Le eƒe ŋkɔ la ta." data/train/1JN/1JN_003_Verse_002.mp3,"Ame si wodzi le Mawu me la meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi o, elabena Mawu ƒe kutsetse le eme. Mate ŋu awɔ nu vɔ̃ o, elabena wodzii tso Mawu me." data/train/1JN/1JN_004_Verse_014.mp3,"Ne ame aɖe ƒo adegbe be, “Melɔ̃ Mawu,” ke wòléa fu nɔvia la, enye alakpatɔ, elabena ame sia ame si melɔ̃a nɔvia, ame si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu ame si mekpɔna o." data/train/1JN/1JN_002_Verse_004.mp3,Ame si lɔ̃a nɔvia la ƒe agbenɔnɔ nye kekeli eye naneke mele eƒe agbe me si ana be wòakli nu o. data/train/1JN/1JN_003_Verse_018.mp3,To esia me míedea vovototo Mawu viwo kple Abosam ƒe viwo dome. Ame si mewɔa nu si le eteƒe o la menye Mawu vi o. Nenema ke ame si melɔ̃a nɔvia o la menye Mawu vi o. data/train/1JN/1JN_004_Verse_006.mp3,"Ewɔ míaƒe lɔlɔ̃ wòde blibo le mía dome, ale be dzideƒo nanɔ mía si le ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi, elabena míaƒe agbenɔnɔ le xexe sia me sɔ kple etɔ." data/train/1JN/1JN_002_Verse_006.mp3,"Elabena nu sia nu si le xexea me la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ etso xexea me. Nu siawoe nye: ŋutilã ƒe nudzodzro, ŋkubiabiã kple amegbetɔ ƒe dada ɖe nu siwo le esi la dzi." data/train/1JN/1JN_002_Verse_017.mp3,"Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo, Elabena mienya Fofo la. Meŋlɔe na mi, fofowo, Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke. Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo, Elabena miesẽ ŋu, Mawu ƒe nya la le mia me, Eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi." data/train/1JN/1JN_004_Verse_000.mp3,Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le mía dome lae nye: eɖo via ɖeka hɔ̃ɔ ɖe xexea me be míanɔ agbe to eya amea me. data/train/1JN/1JN_003_Verse_001.mp3,"Ame si ke léa fu nɔvia la nye amewula, eye ele nyanya me na mi be agbe mavɔ meli na amewula aɖeke o." data/train/1JN/1JN_005_Verse_006.mp3,"Esiae nye lɔlɔ̃ na Mawu: be woawɔ eƒe seawo dzi, elabena eƒe sewo mesesẽ o." data/train/1JN/1JN_005_Verse_018.mp3,"Nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe ƒomevi nye nu vɔ̃, gake nu vɔ̃ aɖewo li siwo mehea ame yia ku mee o." data/train/1JN/1JN_003_Verse_003.mp3,"Ame si wɔa nu vɔ̃ la, enye Abosam ƒe ame, elabena Abosam le nu vɔ̃ wɔm tso gɔmedzedzea me ke. Nu si ta Mawu ƒe Vi la va ɖo lae nye be wòagblẽ Abosam ƒe nuwɔwɔwo." data/train/1JN/1JN_005_Verse_017.mp3,"Ne ame aɖe kpɔ be ye nɔvi wɔ nu vɔ̃ si ƒe fetu menye ku o la, nedo gbe ɖa, ale be Mawu naxɔe ɖe agbe. Mele esia gblɔm ku ɖe ame siwo ƒe nu vɔ̃ mehea ku vanɛ o la ŋuti. Nu vɔ̃ aɖe li si hea ame yia ku me, menye nu vɔ̃ sia tɔgbe ƒe nya gblɔm mele o." data/train/1JN/1JN_004_Verse_018.mp3,"Wotso xexea me, eya ta woƒoa nu le xexea me ƒe nugɔmesese nu, eye xexea me ɖoa to wo." data/train/1JN/1JN_002_Verse_013.mp3,"Ke miawo la, Kɔkɔetɔ la ƒe ami sisi le mia dzi, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyateƒe la." data/train/1JN/1JN_001_Verse_006.mp3,"Ne míegblɔ be míebɔa ha kplii, gake míegale viviti me zɔm la, ekema míenye alakpatɔwo, eye míele nyateƒe la dzi wɔm o." data/train/1JN/1JN_003_Verse_010.mp3,Ke ele nyanya me na mi be ɖe wòva be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ayii. Nu vɔ̃ aɖeke mele eya ŋutɔ ƒe agbe me o. data/train/1JN/1JN_002_Verse_000.mp3,Ame kae nye aʋatsokala la? Ame si gblɔ be menye Yesue nye Kristo o lae. Ame siae nye Yesu ƒe futɔ si gbea nu le Fofo la kple Vi la gbɔ. data/train/1JN/1JN_004_Verse_007.mp3,"Eye míawo míedze si lɔlɔ̃ si Mawu tsɔ lɔ̃a mi, eye míexɔ edzi se. Mawue nye lɔlɔ̃, eye ame si nɔa lɔlɔ̃ me la, eya nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eya me." data/train/1JN/1JN_004_Verse_005.mp3,"Esiae nye lɔlɔ̃ vavã, menye míawoe lɔ̃ Mawu o, ke boŋ le eƒe lɔlɔ̃ na mí ta wòɖo Via ɖa abe avulévɔsa le míaƒe nu vɔ̃wo ta ene." data/train/1JN/1JN_005_Verse_004.mp3,Elabena ame si wodzi le Mawu me la ɖu xexea me dzi. Míaƒe xɔsee nye nu si ɖu xexea me dzi. data/train/1JN/1JN_004_Verse_016.mp3,"Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la, mienye Mawu viwo, eye mieɖu aʋatsonyagbɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la tri akɔ wu esi le xexea me." data/train/1JN/1JN_002_Verse_020.mp3,"Ne ame aɖe agblɔ be yele kekeli la me, gake wòléa fu nɔvia la, ekema ame sia gale viviti me kokoko." data/train/1JN/1JN_005_Verse_009.mp3,"Eye ne míenyae be eɖoa to mí la, ekema nu sia nu si míebiae la, míenyae be míaƒe asi su edzi xoxo." data/train/1JN/1JN_004_Verse_020.mp3,"Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, mina míalɔ̃ mía nɔewo, elabena Mawu gbɔe lɔlɔ̃ tsona. Ame sia ame si lɔ̃a ame la, wodzii tso Mawu me, eye wònya Mawu." data/train/1JN/1JN_004_Verse_008.mp3,Ke Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si meɖea gbeƒã Yesu Kristo o la metso Mawu gbɔ o. Esiae nye Kristo ƒe futɔ ƒe gbɔgbɔ si mese be egbɔna eye fifia gɔ̃ hã la ele xexea me xoxo. data/train/1JN/1JN_003_Verse_004.mp3,"Ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la da sea dzi. Le nyateƒe me la, nu vɔ̃ nye sedzimawɔmawɔ." data/train/1JN/1JN_002_Verse_011.mp3,"Ke hã la, mele se yeye aɖe ŋlɔm ɖo ɖe mi si ƒe nyateƒe le dzedzem le miawo kple eya amea me xoxo, elabena viviti la le bubum eye kekeli vavã la le keklẽm xoxo." data/train/1JN/1JN_002_Verse_001.mp3,"Ame si agblɔ be “Menyae,” gake mewɔ ɖe aƒe sededewo dzi o la, ame ma nye alakpatɔ, eye nyateƒe mele eme o." data/train/1JN/1JN_003_Verse_005.mp3,Ame siwo katã le mɔkpɔkpɔ me alea la wɔa wo ɖokuiwo dzadzɛe abe ale si eya hã le dzadzɛe ene. data/train/1JN/1JN_002_Verse_014.mp3,"Ke miawo la, mikpɔ egbɔ be mielé nu si miese tso gɔmedzedzea me la ɖe asi. Ne miewɔ esia la, ekema miayi edzi anɔ Vi la kple Fofo la me." data/train/1JN/1JN_002_Verse_028.mp3,"Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, nyemele se yeye aɖeke ŋlɔm na mi le agbalẽ sia me o, ke boŋ se xoxo ma si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me la koe. Sedede xoxo siae nye gbedeasi si miese xoxo." data/train/1JN/1JN_005_Verse_016.mp3,"Minyae kɔtɛe be ne wodzi ame aɖe tso Mawu me la, meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi atraɖii o; Mawu Vi la ŋutɔ kpɔa eta be wònɔna dedie, eye Vɔ̃ɖitɔ la metea ŋu kaa asi eŋu o." data/train/1JN/1JN_004_Verse_019.mp3,"Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔwo, le ale si Mawu lɔ̃ mí ta la, ele be míawo hã míalɔ̃ mía nɔewo." data/train/1JN/1JN_004_Verse_010.mp3,"Míawo ya míetso Mawu gbɔ, eye ame sia ame si nya Mawu la ɖoa to mí; ke ame si metso Mawu gbɔ o la meɖoa to mí o. Esiae na míedzea si Nyateƒegbɔgbɔ kple aʋatsogbɔgbɔ." data/train/1JN/1JN_003_Verse_016.mp3,"Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne míaƒe dziwo mebu fɔ mí o la, dzideƒo le mía si le Mawu ŋkume," data/train/1JN/1JN_005_Verse_010.mp3,"Kakaɖedzi sia le mía si le tete ɖe Mawu ŋu me, be ne míebia nu si sɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃nu dzi la, eɖoa to mí." data/train/GEN/GEN_029_Verse_008.mp3,"Enye woƒe kɔnu be womahe kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo katã nava ɖo afi ma. Ne wona tsi alẽhawo katã wono vɔ la, wogamlia kpe la ɖoa vudo la nu." data/train/GEN/GEN_029_Verse_032.mp3,"Yakob gbugbɔ nu na Rahel, eye Yakob de asi avifafa me." data/train/GEN/GEN_036_Verse_016.mp3,"Esau kple Oholibama dzi viŋutsu siwo ƒe ŋkɔwoe nye Yeus, Yalam kple Korah. Wodzi vi siawo katã na Esau le Kanaanyigba dzi." data/train/GEN/GEN_023_Verse_019.mp3,"“Zi ale si wònye nenema miedii ko la, mive nunye, miaɖe kuku na Efrɔn, Zoha ƒe vi nam" data/train/GEN/GEN_002_Verse_010.mp3,"Esiawoe nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo, le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi si me Yehowa Mawu wɔ anyigba kple dziƒo." data/train/GEN/GEN_008_Verse_009.mp3,Lãawo katã kple nu gbagbe siwo tana kple xevi ɖe sia ɖe kple nu sia nu si ʋãna le anyigba dzi la do go tso aɖakaʋu la me ɖe wo nɔewo yome hamehame. data/train/GEN/GEN_019_Verse_009.mp3,"Esi mieve nunye alea, eye mieɖe nye agbe ta la, mina masi ayi du sue kemɛ ɖa me boŋ, elabena mele vɔvɔ̃m be dzɔgbevɔ̃e aɖe ava ɖi kpem le toawo dzi." data/train/GEN/GEN_005_Verse_020.mp3,Lamek ku esi wòxɔ ƒe alafa adre blaadre-vɔ-adre (777). data/train/GEN/GEN_024_Verse_029.mp3,"“Eɖiɖi tsikuze la ɖe anyi enumake be manoe, eye wògblɔ be. ‘Amegã, mana tsi wò kposɔwo hã!’ Ke menoe, eye wòna nye kposɔwo hã." data/train/GEN/GEN_041_Verse_026.mp3,"“Eye nu sia nu va eme tututu abe ale si wògblɔe ene; nye ahakudɔ gaka asinye, wotso ta le aboloƒola nu, eye wotɔ eƒe ŋutilã ɖe ati nu.”" data/train/GEN/GEN_036_Verse_030.mp3,"Hlɔ̃ siwo gbɔna la, nye Reuel, ame si Esau kple srɔ̃a Basemat dzi le esime wonɔ Kanaan la ƒe dzidzimeviwo: Amegã Nahat, Amegã Zera, Amegã Sama kple Amegã Miza. Woawoe nye amegã siwo dzɔ tso Reuel me le Edomnyigba dzi, eye wonye Esau srɔ̃ Basemat ƒe viwo." data/train/GEN/GEN_015_Verse_004.mp3,"Esi akagawo va lãawo ɖu ge la, Abram nya wo." data/train/GEN/GEN_006_Verse_008.mp3,Ke Yehowa kpɔ ŋudzedze le Noa ŋu. data/train/GEN/GEN_032_Verse_013.mp3,"gbɔ̃nɔ alafa eve kple gbɔ̃tsu blaeve, alẽnɔ alafa eve kple agbo blaeve," data/train/GEN/GEN_044_Verse_016.mp3,"Ke ègblɔ na mí be, ‘Ne mia nɔvi suetɔ manɔ mia dome o la, ekema migava afi sia azɔ o.’" data/train/GEN/GEN_032_Verse_018.mp3,"nyemedze na wò amenuveve si nèɖena fiaam edziedzi abe ale si nèdo ŋugbe nam ene o, elabena esi metso Yɔdan la, naneke menɔ asinye wu atizɔti ɖeka o! Ke azɔ la, mezu aʋakɔ eve!" data/train/GEN/GEN_011_Verse_022.mp3,"Ke esi Yehowa va kpɔ dua kple mɔ si tum amegbetɔviwo nɔ la," data/train/GEN/GEN_044_Verse_030.mp3,"Yosef bia be, “Nu ka miete kpɔ be yewoawɔ? Ɖe mienya be ame abe nye ene anya ame si fii oa?”" data/train/GEN/GEN_038_Verse_023.mp3,"Yuda biae be, “Enyo, awɔbanu kae nèhiã?” Tamar ɖo eŋu be, “Tsɔ wò ŋkɔsigɛ si nètsɔna dea dzesi wò nuwo kple wò atizɔti nam.” Ale Yuda tsɔ wo nɛ. Tamar lɔ̃ Yuda dɔ egbɔ, eye wòfɔ fu." data/train/GEN/GEN_009_Verse_023.mp3,"Noa, ame si nye agbledela la de waingble." data/train/GEN/GEN_023_Verse_000.mp3,"Abraham gade ta agu na Hititɔwo," data/train/GEN/GEN_017_Verse_014.mp3,"Mana dzidzimevi akpe akpewo wò, eye woazu dukɔ geɖewo! Fiawo anɔ wò dzidzimeviwo dome!" data/train/GEN/GEN_048_Verse_004.mp3,"Elabena dawò Rahel dzi vi eve ko, eye wòku esi metso Padan gbɔna Kanaan. Ke esi míegogo Efrat la, meɖii ɖe mɔ to le Efrat” (si nye Betlehem)." data/train/GEN/GEN_032_Verse_024.mp3,"Yakob biae be, “Wò hã ŋkɔwò ɖe?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nu ka ta nèbia ŋkɔnye ta ɖo.” Eye wòyrae le afi ma." data/train/GEN/GEN_002_Verse_008.mp3,"Esia megbe la, Yehowa Mawu wɔ abɔ aɖe ɖe Eden le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòtsɔ ame si wòwɔ la da ɖe abɔ la me." data/train/GEN/GEN_050_Verse_013.mp3,"Farao lɔ̃ hegblɔ be, “Yi nàɖi fofowò abe ale si nèka atam ene.”" data/train/GEN/GEN_025_Verse_007.mp3,"Esau bia Yakob be, “Nɔvinye, dɔ le wuyem vevie. Na wò akplẽdzĩ aɖem maɖu.” Esia ta wona megbeŋkɔe be “Edom” si gɔmee nye “Akplẽdzĩ.”" data/train/GEN/GEN_039_Verse_002.mp3,"Enumake Yehowa de asi Potifar yayra me ɖe Yosef ta. Eƒe aƒemenyawo katã tsɔ afɔ nyuie; eƒe agblemenukuwo ʋã nyuie, eye eƒe lãwo hã dzi ɖe edzi," data/train/GEN/GEN_030_Verse_030.mp3,Lea na ŋkɔe be Gad si gɔmee nye “Dzɔgbenyui ɖi kpem!” data/train/GEN/GEN_019_Verse_017.mp3,"gblẽ wo kple du gã kple du sue siwo nɔ gbadzaƒe la, eye amewo, atiwo kple lãwo siaa tsrɔ̃ keŋkeŋ." data/train/GEN/GEN_011_Verse_028.mp3,"Tera kplɔ via Abram, eƒe tɔgbuiyɔvi Lot, ame si nye Haran ƒe vi la kple via Abram srɔ̃, Sarai, eye wodzo le Ur le Kaldea be yewoayi Kanaanyigba dzi. Ke wotɔ, eye wotso kɔƒe ɖe Haran." data/train/GEN/GEN_037_Verse_027.mp3,"Wogblɔ na wo nɔewo be, “Drɔ̃ekula ma gbɔna ɖaa!" data/train/GEN/GEN_012_Verse_000.mp3,"Ale Abram ʋu le wo de abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Ekplɔ Lot ɖe asi. Ɣe ma ɣi la, Abram xɔ ƒe blaadre-vɔ-atɔ̃ esi wòdzo le Haran." data/train/GEN/GEN_035_Verse_000.mp3,"Ale Rahel ku, eye woɖii ɖe mɔ si yi Efrat alo Betlehem la to." data/train/GEN/GEN_030_Verse_023.mp3,"Ke ne lã beliwo le asi yɔm la, eɖea ati ŋɔŋlɔawo ɖa. Ale alẽ siwo ƒe lãme mesẽ tututu o la zua Laban tɔ, eye esiwo le lãmesẽ me la zua Yakob tɔ!" data/train/GEN/GEN_004_Verse_013.mp3,"Gbe ɖeka la, Lamek gblɔ na Ada kple Zila be, “Srɔ̃nyewo, miɖo tom. Mewu ame aɖe si de abi ŋunye, ɖekakpui aɖe si wɔ nuvevim." data/train/GEN/GEN_018_Verse_033.mp3,"Ɖe nane sesẽ akpa na Yehowa? Le ƒe si gbɔna me, abe ale si megblɔ na wò xoxo ene la, Sara adzi ŋutsuvi.”" data/train/GEN/GEN_038_Verse_008.mp3,Eteƒe medidi hafi wodzi ɖevi si ƒe alɔnu ka dzĩ la le la o. Wona ŋkɔe be Zera. data/train/GEN/GEN_043_Verse_006.mp3,"Ekpɔ dadavia, Benyamin dũu, eye wòbia be, “Mia nɔvi suetɔ si ƒe nya miegblɔ nam lae nye esia?” Egblɔ na Benyamin be, “Vinye, èfɔa? Mawu nave nuwò.”" data/train/GEN/GEN_027_Verse_023.mp3,"Isak ɖo eŋu be, “Nɔviwò va flum, eye wòxɔ wò yayra.”" data/train/GEN/GEN_011_Verse_007.mp3,"Esi Peleg xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Reu." data/train/GEN/GEN_032_Verse_031.mp3,"Ŋutsu la biae be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu be, “Yakob.”" data/train/GEN/GEN_021_Verse_016.mp3,"eye Abimelek bia Abraham be, “Alẽvi adre siawo nèɖe ɖe aga la gɔme ɖe?”" data/train/GEN/GEN_043_Verse_010.mp3,"Esi woɖo fiasã la ƒe agbo nu la, wote ɖe Yosef ƒe aƒedzikpɔla ŋu," data/train/GEN/GEN_007_Verse_016.mp3,Noa xɔ ƒe alafa ade esi tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba la. data/train/GEN/GEN_037_Verse_030.mp3,"Yosef gaku drɔ̃e bubu, eye wògalĩi na nɔviawo be, “Mise nye drɔ̃e si megaku la ɖa. Ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ de ta agu nam!”" data/train/GEN/GEN_036_Verse_026.mp3,"Esi Yobab ku la, Husam si tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi la ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/GEN/GEN_035_Verse_029.mp3,"Zilpa, Lea ƒe kosi ƒe viwo: Gad kple Aser. Wodzi vi siawo katã nɛ le Padan Aram." data/train/GEN/GEN_021_Verse_017.mp3,Eye Abraham nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣeyiɣi didi aɖe. data/train/GEN/GEN_022_Verse_022.mp3,"Tete Mawu gblɔ be, “Kplɔ viwò ŋutsuvi ɖekɛ la, Isak, ame si gbɔ mèlɔ̃a nu le o la, ne miayi Moria nuto me. Tsɔe sa numevɔe le afi ma le toawo dometɔ ɖeka si mafia wò la dzi.”" data/train/GEN/GEN_016_Verse_002.mp3,"Ale Abram dɔ Hagar gbɔ, eye wòfɔ fu. Esi Hagar kpɔ be yefɔ fu la, dadagbɔgbɔ aɖe va ɖo eme, eye megabua eƒe aƒenɔ Sarai o." data/train/GEN/GEN_027_Verse_045.mp3,"Yakob ɖo eŋu be, “Nye Esau, viwò tsitsitɔe. Mewɔ nu si nèɖo nam be mawɔ la. Nuɖuɖu nyui si nèdi lae nye esi. Fɔ nàɖui eye nàyram.”" data/train/GEN/GEN_041_Verse_047.mp3,Nyi ɖikuawo lé nyinɔ damiawo mi! Tete Farao nyɔ! data/train/GEN/GEN_038_Verse_006.mp3,"Esi via Er tsi la, Yuda na wòɖe nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Tamar." data/train/GEN/GEN_032_Verse_006.mp3,"elabena egblɔ be, “Ne Esau adze hatsotso ɖeka dzi la, ɖewohĩ hatsotso evelia me tɔwo ate ŋu asi.”" data/train/GEN/GEN_021_Verse_026.mp3,"Mawu nɔ kple ɖevi la, eye wòtsi. Enɔ gbedzi, eye wòzu aŋutrɔdala." data/train/GEN/GEN_029_Verse_011.mp3,"Esi wonɔ nya siawo gblɔm la, Rahel va ɖo kple fofoa ƒe alẽwo, elabena alẽkplɔla wònye." data/train/GEN/GEN_032_Verse_010.mp3,"Esia ta Israelviwo meɖua ka titri si to lãwo ƒe aligo dzi o, elabena wotɔ asi ka si le Yakob ƒe aligokpeƒe la dzi." data/train/GEN/GEN_030_Verse_035.mp3,"Na matsa le wò lãhawo katã me egbe, eye maɖe alẽ siwo katã le ŋɔtaŋɔta la kple alẽvi ɖe sia ɖe si le yibɔ kple gbɔ̃ siwo le ŋɔtaŋɔta la. Woawoe anye nye fetu." data/train/GEN/GEN_014_Verse_012.mp3,"kple Horitɔwo le Seir ƒe tonyigba dzi heyi keke El Paran, afi si te ɖe gbegbe la ŋu." data/train/GEN/GEN_027_Verse_016.mp3,"eye wòaŋlɔ nu si nèwɔ ɖe eŋu la be. Ekema maɖo du ɖe wò, elabena manyo be mi ame evea siaa miabu ɖem gbe ɖeka o.”" data/train/GEN/GEN_004_Verse_006.mp3,"Emegbe la, Yehowa bia Kain be, “Afi ka nɔviwò, Abel le?” Kain ɖo eŋu be, “Nyemenya o. Nɔvinyeŋudzɔlae menyea?”" data/train/GEN/GEN_030_Verse_002.mp3,"Bilha, Rahel ƒe subɔla gafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi evelia na Yakob." data/train/GEN/GEN_014_Verse_019.mp3,"Wolé Lot, ame si nye Abram ƒe tɔgãyɔvi si nɔ Sodom la, eye wokplɔe dzoe kple eƒe kesinɔnuwo katã." data/train/GEN/GEN_046_Verse_016.mp3,"Le zã me la, Mawu ƒo nu na Israel le ŋutega me. Mawu yɔe be, “Yakob! Yakob!” Yakob tɔ be, “Nyee nye esi.”" data/train/GEN/GEN_004_Verse_009.mp3,"Eva gadzi ŋutsuvi bubu, eye wòna ŋkɔe be Abel. Abel nye lãnyila, eye Kain nye agbledela." data/train/GEN/GEN_015_Verse_012.mp3,"Ke Abram gblɔ be, “O, Aƒetɔ Yehowa, nu ka nàte ŋu anam esi vi mele asinye o, eye ame si anyi nye domee nye Eliezer tso Damasko?”" data/train/GEN/GEN_006_Verse_022.mp3,"Ɖe fesre mita afã ɖe xɔ gbagbã la te ƒo xlã aɖakaʋu la. Wɔ dzisasã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple etametɔ ɖe aɖakaʋu la me, eye nàde ʋɔtru ɖeka tɔdziʋu la ƒe axadzi." data/train/GEN/GEN_020_Verse_014.mp3,"Ke Abimelek medɔ Sara gbɔ haɖe o, eya ta wògblɔ be, “Aƒetɔ, ɖe nàwu ame dzɔdzɔea?" data/train/GEN/GEN_026_Verse_026.mp3,"Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Abimelek, Filistitɔwo ƒe fia do mo ɖe fesre nu, eye wòkpɔ ale si Isak kple Rebeka nɔ fefe fem." data/train/GEN/GEN_011_Verse_012.mp3,"Esi wòdzi Arfaxad megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ (500), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo." data/train/GEN/GEN_009_Verse_019.mp3,Metsɔ dzesi sia tre nubabla sia nu: data/train/GEN/GEN_021_Verse_014.mp3,"Esi via, Isak, xɔ ŋkeke enyi la, Abraham tso aʋa nɛ abe ale si Mawu ɖo nɛ ene." data/train/GEN/GEN_038_Verse_027.mp3,"Yuda gblɔ na Er nɔviŋutsu Onan be, “Ele be nàɖe Tamar abe ale si míaƒe se di tso ame kuku nɔviŋutsu si be wòawɔ ene, ale be Tamar ƒe vi siwo wòadzi na wò la nanyi nɔviwò kukua ƒe dome.”" data/train/GEN/GEN_034_Verse_015.mp3,"“Ne mielɔ̃ ɖe edzi eye wotso aʋa na mi o la, ekema míaxɔ mía nɔvinyɔnu la, eye míaʋu le mia gbɔ.”" data/train/GEN/GEN_010_Verse_003.mp3,"Ame siwo nye Egipte ƒe dzidzimeviwo lae nye: Ludimtɔwo, Anamimtɔwo, Lehabitɔwo, Naftuhitɔwo," data/train/GEN/GEN_003_Verse_002.mp3,"Ale Mawu nya ame la, eye wòtsɔ mawudɔla sesẽ siwo wòde yi dadzowo asi na la da ɖe Edenbɔ la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo be woadzɔ mɔ woato aɖo ta agbeti la gbɔ la nu." data/train/GEN/GEN_012_Verse_017.mp3,"Ne Egiptetɔwo kpɔ wò la, woagblɔ be, ‘Srɔ̃ae nye nyɔnu sia, mina míawu ŋutsu la ekema míaxɔ nyɔnu la aɖe!’" data/train/GEN/GEN_033_Verse_015.mp3,"Meɖe kuku, xɔ nye nunanawo ko, elabena Mawu yram, eye nu geɖe le asinye.” Yakob ƒoe ɖe enu, eye Esau lɔ̃ xɔ nunanawo." data/train/GEN/GEN_024_Verse_033.mp3,"Gbe ɖeka fiẽ esi wònɔ tsa ɖim le gbedzi nɔ gbe dom ɖa la, ekpɔ kposɔwo gbɔna ɖa." data/train/GEN/GEN_040_Verse_012.mp3,"Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao aɖe wò tso gaxɔ me, eye wòana nàgayi wò dɔ dzi abe ahakula ene." data/train/GEN/GEN_044_Verse_024.mp3,"Ne miegakplɔ nɔvia hã dzoe le gbɔnye, eye nane wɔe la, maku kple nuxaxa.’" data/train/GEN/GEN_032_Verse_019.mp3,"O, Yehowa, meɖe kuku na wò, ɖem tso tsɔtsrɔ̃ me le fonye Esau ƒe asi me, elabena mele vɔvɔ̃m ŋutɔ be ava ho aʋa ɖe nye ŋutɔ, srɔ̃nyewo kple vinyewo ŋu." data/train/GEN/GEN_011_Verse_013.mp3,"Esi wòdzi Peleg la, Eber ganɔ agbe ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo." data/train/GEN/GEN_018_Verse_013.mp3,"eye madi nane na mi miaɖu be wòado ŋusẽ mi. Mitɔ vie hafi miagayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi.” Amedzroawo ɖo eŋu be, “Enyo; wɔ abe ale si nègblɔ ene.”" data/train/GEN/GEN_019_Verse_028.mp3,"Mawudɔlawo gblɔ na wo be, “Miɖe abla miaɖe miaƒe agbe, eye migakpɔ megbe o. Misi yi toawo dzi, miganɔ gbadzaƒe le afi sia o. Ne menye nenema o la, miatsrɔ̃.”" data/train/GEN/GEN_003_Verse_005.mp3,"Da la gblɔ be, “Miele kuku ge akpɔ o!" data/train/GEN/GEN_011_Verse_006.mp3,"Esi Nahor xɔ ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ la, edzi Tera." data/train/GEN/GEN_012_Verse_018.mp3,"Ne èwɔ esia la, mana nàzu dukɔ gã aɖe fofo. Mayra wò, eye mana nàxɔ ŋkɔ. Gawu la, àhe yayra vɛ na ame geɖewo." data/train/GEN/GEN_035_Verse_003.mp3,"Emegbe la, wodze mɔ. Mawu na vɔvɔ̃ dze du siwo katã me woto la dzi, ale be womeho aʋa ɖe wo ŋu o." data/train/GEN/GEN_027_Verse_035.mp3,"Rebeka gblɔ na via be, “Vinye lɔlɔ̃a, na eƒe fiƒode nava dzinye. Wò ya wɔ nu si megblɔ na wò la. Yi nàlé gbɔ̃awo vɛ.”" data/train/GEN/GEN_002_Verse_021.mp3,"Yehowa Mawu de se na ame la be, “Èkpɔ mɔ aɖu ati sia ati le abɔ sia me," data/train/GEN/GEN_033_Verse_017.mp3,"Yakob dze wo katã ŋgɔ. Egogo foa, eye wòde ta agu nɛ zi adre." data/train/GEN/GEN_016_Verse_001.mp3,"Abram ɖo eŋu be, “Meɖe mɔ na wò be nàhe to na kosi la ale si nèbu be edze.” Ale Sarai wɔ funyafunya Hagar ale gbegbe be wòsi dzo." data/train/GEN/GEN_008_Verse_015.mp3,Noa ɖo ahɔnɛ aɖe ɖa be ate ŋu akpɔ anyigba ƒuƒui mahã. data/train/GEN/GEN_015_Verse_000.mp3,"Abram tsɔ lãawo kple xeawo vɛ nɛ. Efe lãawo me ɖe akpa eve, eye wòtsɔ lãawo ƒe afãwo ɖo ɖe wo nɔewo ŋu le fli ene me, gake mefe xeviawo yame o." data/train/GEN/GEN_050_Verse_000.mp3,Ale tasiaɖamwo kple sɔdola geɖewo kpakple ameha gã aɖe kplɔ Yosef yii. data/train/GEN/GEN_042_Verse_015.mp3,"Ke Yakob mena Yosef nɔvi suetɔ Benyamin yi kpli wo o, elabena evɔ̃ be nya aɖe ava adzɔ ɖe edzi abe ale si wòdzɔ ɖe Yosef dzi ene." data/train/GEN/GEN_004_Verse_008.mp3,"Esi Set tsi la, edzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Enos. Le ɣe ma ɣi me la, amewo de asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me." data/train/GEN/GEN_018_Verse_030.mp3,"Yehowa gblɔ le eɖokui me be, “Ɖe maɣla nye ɖoɖowo ɖe Abraham mahã?" data/train/GEN/GEN_004_Verse_007.mp3,"Enɔk nye Irad fofo, Irad nye Mehuyael fofo, Mehuyael nye Metusael fofo, Metusael nye Lamek fofo." data/train/GEN/GEN_021_Verse_024.mp3,"Le atamkaka le Beerseba megbe la, Fia Abimelek kple eƒe aʋakplɔla, Pixol trɔ yi aƒe." data/train/GEN/GEN_028_Verse_001.mp3,"Ale Isak na Yakob yi Padan Aram be wòakpɔ nyruia Laban, ame si nye Betuel Arameatɔ la ƒe viŋutsu eye wòganye Yakob kple Esau dadaa Rebeka nɔviŋutsu la ɖa." data/train/GEN/GEN_027_Verse_020.mp3,"Isak gblɔ be, “Vinye, ekema tsɔ nuɖuɖu la vɛ nam. Ne meɖui vɔ la, ekema mayra wò.” Yakob tsɔ nuɖuɖu la na fofoa wòɖu, eye wòno wain si Yakob tsɔ kpe ɖe nuɖuɖua ŋu la." data/train/GEN/GEN_023_Verse_005.mp3,Ale Hititɔwo wɔ agbalẽ ɖe anyigba la kple kpeto si le edzi la dzi na Abraham be wòanye eƒe ameɖiƒe. data/train/GEN/GEN_015_Verse_007.mp3,"Eye Abram gblɔ be, “Mèna vi aɖekem o, eya ta nye subɔlae anyi nye dome.”" data/train/GEN/GEN_027_Verse_040.mp3,"Wò yi anyi wò eye àsubɔ nɔviwò va se ɖe ɣeyiɣi aɖe, ke emegbe la, àva do le ete, eye nàkpɔ ablɔɖe.”" data/train/GEN/GEN_038_Verse_024.mp3,"Yuda do go Kanaan nyɔnu aɖe si nye Sua ƒe vi la le afi ma, eye wòɖee." data/train/GEN/GEN_043_Verse_007.mp3,"Ena woka nuɖuɖu na wo tso eya ŋutɔ ƒe kplɔ̃ dzi. Ena wona nuɖuɖu Benyamin wòsɔ gbɔ zi atɔ̃ wu ame bubuawo tɔ. Emegbe la, wona aha wo wono. Dzi dzɔ wo ŋutɔ." data/train/GEN/GEN_027_Verse_046.mp3,"Yi lãhawo me, eye nàlé gbɔ̃ eve siwo metsi tututu o la vɛ nam ne matsɔ wo aɖa nu si vivia fofowò nu la nɛ." data/train/GEN/GEN_047_Verse_017.mp3,"Farao bia Yakob be, “Ƒe neni nèxɔ?”" data/train/GEN/GEN_006_Verse_006.mp3,Eye Noa wɔ nu sia nu abe ale si Mawu ɖoe nɛ ene. data/train/GEN/GEN_016_Verse_005.mp3,"Ale wòbiae be, “Hagar, Sarai ƒe kosi, afi ka nètso, eye afi ka yim nèle?” Hagar ɖo eŋu be, “Sisim mele le nye aƒenɔ nu.”" data/train/GEN/GEN_023_Verse_007.mp3,"“Amegã, meɖe kuku, ɖo tom. Matsɔ kpeto la kple anyigba la ana wò, eye nyemaxɔ naneke ɖe wo ta o. Metsɔ wo na wò faa le nye ame siwo le afi sia la ƒe ŋkume. Yi nàɖi wò ame kuku la ɖe edzi.”" data/train/GEN/GEN_009_Verse_015.mp3,"Mawu gblɔ na Noa kple via ŋutsuwo be," data/train/GEN/GEN_024_Verse_049.mp3,"Mele afi sia, le vudo sia to. Magblɔ na ɖetugbi aɖe si ava tsi ku ge la be, “Meɖe kuku, na tsim mano,”" data/train/GEN/GEN_037_Verse_000.mp3,"Ale esi Midiansitsalawo va ɖo wo gbɔ la, woɖe Yosef le vudo la me, dzrae na Ismaeletɔwo klosalo blaeve, eye wokplɔe yi Egipte." data/train/GEN/GEN_033_Verse_000.mp3,Ale Esau trɔ ɖo ta Seir gbe ma gbe ke. data/train/GEN/GEN_024_Verse_063.mp3,"Ɖetugbi la dze tugbe ŋutɔ. Menya ŋutsu haɖe o. Eva tsikuƒe la, ku tsi ɖe eƒe tsikuze me, eye wògado go." data/train/GEN/GEN_024_Verse_061.mp3,"Yehowa kɔ yayra geɖewo ɖe nye aƒetɔ dzi, eye wòzu amegã aɖe le anyigba si dzi wòle la. Mawu na alẽwo, nyiwo, klosalo, sika, kluviwo, kposɔwo kple tedziwoe." data/train/GEN/GEN_030_Verse_000.mp3,"Ale wòtsɔ Bilha nɛ wòzu srɔ̃a, eye wòdɔ egbɔ;" data/train/GEN/GEN_039_Verse_008.mp3,"Etsɔ awu la dzra ɖo, eye esi srɔ̃a gbɔ fiẽ ma la," data/train/GEN/GEN_027_Verse_022.mp3,"Isak yi edzi gblɔ be, “Fifia metsi, eye menya be mate ŋu aku ɣe sia ɣi tso fifia dzi." data/train/GEN/GEN_035_Verse_013.mp3,Isak nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaenyi (180). data/train/GEN/GEN_030_Verse_006.mp3,"Ekema ɣe sia ɣi si nàkpɔ gbɔ̃ ɣi alo alẽ ɣi aɖe le tɔnyewo dome la, nànya be ɖe mefi wo tso tɔwòwo dome!”" data/train/GEN/GEN_050_Verse_014.mp3,"Kanaantɔwo na ŋkɔ bubuteƒe si le afi si te ɖe Yɔdan ŋu la be, Abel Mizraim si gɔmee nye “Konyifalawo tso Egipte,” elabena wogblɔ be, “Teƒe sia Egiptetɔwo fa konyi le vevie.”" data/train/GEN/GEN_019_Verse_033.mp3,"Nyɔnuvi suetɔ hã dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Ben Ami; eyae nye Amonitɔwo tɔgbui." data/train/GEN/GEN_034_Verse_002.mp3,"ekema miaɖe míaƒe nyɔnuwo, eye míaƒe ŋutsuwo hã aɖe miaƒe nyɔnuwo, míanɔ mia gbɔ, eye míawɔ ɖeka kpli mi, míazu dukɔ ɖeka." data/train/GEN/GEN_018_Verse_022.mp3,"Ne àkpɔ ame blaene-vɔ-atɔ̃ ko ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du la ɖe ame atɔ̃ makpɔmakpɔ ta?” Yehowa gblɔ be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene-vɔ-atɔ̃ la, nyematsrɔ̃ du la o.”" data/train/GEN/GEN_044_Verse_027.mp3,"Wobiae be, “Ao, aƒetɔ, nya ka tututu gblɔm nèle? Nu sia wɔwɔ nade megbe xaa tso wò dɔlawo gbɔ." data/train/GEN/GEN_018_Verse_012.mp3,"Eyae azu dukɔ gã aɖe, eye wòahe yayra vɛ na dukɔwo katã le anyigba dzi." data/train/GEN/GEN_001_Verse_012.mp3,"Mawu gblɔ be, “Lilikpo nedo, eye wòama tsi si le lilikpo la te kple esi le lilikpo la tame la me. Eye wòva eme nenema.”" data/train/GEN/GEN_021_Verse_019.mp3,"Fia Abimelek ɖi vo, eye wògblɔ be, “Esiae nye zi gbãtɔ si mese nya aɖe tso nu sia ŋu, eye nyemenya ame si wɔ nu sia hã o. Nu ka ta mègblɔe nam kpɔ o?”" data/train/GEN/GEN_006_Verse_005.mp3,evee ŋutɔ be yewɔ amegbetɔ. Nu sia gbã dzi nɛ. data/train/GEN/GEN_048_Verse_009.mp3,"Israel gblɔ na Yosef be, “Mele kuku ge kpuie, ke Mawu anɔ kpli wò, eye wòagakplɔ wò ayi Kanaan, fofowòwo ƒe anyigba dzi." data/train/GEN/GEN_022_Verse_001.mp3,Abraham tsɔ eƒe hɛ be yeawu Isak. data/train/GEN/GEN_050_Verse_016.mp3,"Ke Yosef gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, Mawue menye be madrɔ̃ ʋɔnu mi, ahe to na mia?" data/train/GEN/GEN_005_Verse_031.mp3,Yared ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-eve (962). data/train/GEN/GEN_030_Verse_026.mp3,"Laban gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, mègadzo le gbɔnye o, elabena to nukaka me la, menya be wò afi sia nɔnɔe na mekpɔ yayra geɖe siawo." data/train/GEN/GEN_036_Verse_019.mp3,"Esau srɔ̃ Oholibama ƒe viŋutsuwo nye fia siawo: Yeus, Yalam kple Korah. Wodzɔ tso Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu me." data/train/GEN/GEN_038_Verse_026.mp3,"Yuda gblɔ be, “Ekema awɔbanuawo netsi egbɔ faa! Míedze agbagba ale si míate ŋui. Ne míegale eyome tim kokoko la, dua me tɔwo ako mí. Meɖo gbɔ̃tsu la ɖee, ke mèkpɔe o.”" data/train/GEN/GEN_007_Verse_005.mp3,"eye aɖakaʋu la ƒe nɔƒe kɔkɔ mita blaadre-vɔ-eve, alo wu nenema gɔ̃ hã." data/train/GEN/GEN_004_Verse_019.mp3,"Le nuŋeɣi la, Kain tsɔ eƒe agblemenukuwo sa vɔ na Yehowa," data/train/GEN/GEN_041_Verse_005.mp3,"Bli adre bubuwo gado ɖe bliti ma ke dzi, ke woawo meʋã o, ke boŋ woyrɔ." data/train/GEN/GEN_037_Verse_006.mp3,"Esi Ruben se nya sia la, edze agbagba be yeaɖee tso woƒe asi me. Egblɔ be, “Migana míawui o." data/train/GEN/GEN_027_Verse_019.mp3,"Isak di be yeayra Yakob, gake egabia be," data/train/GEN/GEN_011_Verse_016.mp3,"eye esi wòdzi Eber megbe la, Sela ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃ (403), eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo." data/train/GEN/GEN_034_Verse_028.mp3,"Woɖo eŋu be, “Ɖe wònyo be Sekem nabu mía nɔvinyɔnu la abe gbolo enea?”" data/train/GEN/GEN_009_Verse_006.mp3,"Esi wòno wain la ƒe ɖe la, emu aha, eye wòɖe amama mlɔ anyi ɖe eƒe agbadɔ me." data/train/GEN/GEN_010_Verse_020.mp3,"Ofir, Havila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan ƒe viŋutsuwo." data/train/GEN/GEN_020_Verse_001.mp3,"Abraham do gbe ɖa be Mawu nayɔ dɔ Abimelek srɔ̃ kple eƒe dɔlanyɔnuwo ale be woate ŋu adzi vi azɔ," data/train/GEN/GEN_024_Verse_044.mp3,"Le kaklãɣi la, woyrae kple nya siawo: “Mía nɔvi lɔlɔ̃a, nadzi ame akpe akpewo wò dzidzimeviwo naɖu woƒe futɔwo katã dzi.”" data/train/GEN/GEN_040_Verse_011.mp3,"Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao atso ta le nuwò, ahe wò ɖe ati ŋu, eye xeviwo aɖu wò lã.”" data/train/GEN/GEN_032_Verse_000.mp3,Ale wòkplɔ wo tso tɔ lae kple eƒe nunɔamesiwo katã. data/train/GEN/GEN_027_Verse_033.mp3,"Nya kae adzɔ ne fofonye ali asi ŋunye? Abu be ɖe medi be mado lã ye, eye wòaƒo fi adem le esime wòayram teƒe!”" data/train/GEN/GEN_010_Verse_001.mp3,"Ame siawoe nye Sem ƒe dzidzimeviwo. Woɖo wo ɖe woƒe dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple woƒe nɔƒewo nu." data/train/GEN/GEN_021_Verse_009.mp3,"Ale tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa vudo la be Beerseba si gɔmee nye “Atamvudo,” elabena afi ma woka atam, eye wowɔ woƒe nubabla la le." data/train/GEN/GEN_008_Verse_017.mp3,"Tsi la de asi miemie me vivivi le anyigba dzi. Le ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃lia ƒe nuwuwu la, tsi la mie keŋ," data/train/GEN/GEN_028_Verse_021.mp3,"Yakob ɖo to fofoa kple dadaa, eye wòyi Padan Aram." data/train/GEN/GEN_034_Verse_020.mp3,"Sekem gblɔ na fofoa Hamor be, “Medi be maɖe ɖetugbi sia, eya ta ɖee nam.”" data/train/GEN/GEN_050_Verse_012.mp3,"Esi woɖo Atad, teƒe si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòte ɖe Yeriko ŋu la, wode kusɔleme, eye wofa konyi ŋkeke adre sɔŋ le Yakob ƒe ku ta." data/train/GEN/GEN_007_Verse_007.mp3,"Ke Noa yi aɖakaʋu la me gbe ma gbe kple srɔ̃a kple viawo, Sem, Ham kple Yafet kple wo srɔ̃wo." data/train/GEN/GEN_041_Verse_053.mp3,"Vavã, le ƒe adre gbãtɔwo me la, nukuwo wɔ nyuie ŋutɔ le afi sia afi." data/train/GEN/GEN_007_Verse_008.mp3,"“Kplɔ lãwo hã de eme, atsu kple asi, negbe esiwo metia da ɖi be woaɖu kple esiwo woatsɔ asa vɔe ko. Tsɔ wo dome adre, atsu kple asi," data/train/GEN/GEN_012_Verse_008.mp3,"Farao tsɔ nunana geɖewo, alẽwo, nyiwo, tedziwo, kluviwo, kosiwo kple kposɔwo na Abram ɖe srɔ̃a Sarai ta." data/train/GEN/GEN_018_Verse_005.mp3,"Ameawo trɔ ɖo ta Sodom, ke Abraham ya tɔ ɖe Yehowa ŋkume." data/train/GEN/GEN_010_Verse_006.mp3,"Enye adela xɔŋkɔ aɖe si Yehowa yra, eye ame geɖewo kafunɛ. Amewo ɖia ɖase tso ame bubuwo ŋu be wole “abe Nimrɔd, adela xɔŋkɔ si Yehowa yra la ene.”" data/train/GEN/GEN_030_Verse_027.mp3,"Laban lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo; míawɔe abe ale si nègblɔe ene!”" data/train/GEN/GEN_021_Verse_027.mp3,"Mawu ʋu Hagar ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ vudo aɖe le afi ma. Eku tsi ɖe eƒe tsigolo me, eye wòna ɖe ɖevi la wòno." data/train/GEN/GEN_041_Verse_012.mp3,"Emegbe la, Farao tsɔ tasiaɖam si kplɔ fia tɔ ɖo la na Yosef, eye afi sia afi si wòyi ko la, ɣli ɖina be, “Midze klo!”" data/train/GEN/GEN_042_Verse_022.mp3,"Míegblɔ nɛ be, ‘Gbeɖe, nuteƒewɔlawo míenye, menye ŋkutsalawo míenye o." data/train/GEN/GEN_004_Verse_011.mp3,"gake mexɔ Kain tɔ o. Nu sia na Kain xa nu, eye wòdo dɔmedzoe heɖo adã." data/train/GEN/GEN_001_Verse_006.mp3,eye woanye akaɖiwo le dziŋgɔli la me be woana kekeli anyigba.” Eye wòva eme nenema. data/train/GEN/GEN_009_Verse_013.mp3,"kpakple nu gbagbe ɖe sia ɖe si nɔ gbɔwò, xeviawo, aƒemelãawo, lã wɔadãawo katã, nu sia nu si do go tso aɖakaʋu la me kple wò, nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi." data/train/GEN/GEN_025_Verse_023.mp3,"Mlɔeba la, Ismael va ku le esime wòxɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre, eye woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ." data/train/GEN/GEN_048_Verse_013.mp3,"Ke fofoa gbe hegblɔ nɛ be, “Vinye, menya nu si wɔm mele. Manase hã azu dukɔ gã aɖe, ke nɔvia suetɔ azu dukɔ gã wu.”" data/train/GEN/GEN_050_Verse_003.mp3,Ale Yosef kple nɔviawo kpakple woƒe ƒometɔwo ganɔ Egipte. Yosef xɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo hafi ku. data/train/GEN/GEN_005_Verse_015.mp3,eye wòku esi wòxɔ ƒe alafa enyi blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (895). data/train/GEN/GEN_006_Verse_015.mp3,"Nàtsɔ nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, atsu kple asi ade aɖakaʋu la me be woanɔ agbe le gbɔwò." data/train/GEN/GEN_027_Verse_036.mp3,"Rebeka yi edzi be, “Nu si nàwɔ fifia lae nye be nàsi ayi nyruiwò Laban gbɔ le Haran." data/train/GEN/GEN_033_Verse_007.mp3,"Esau ko nu gblɔ be, “Nɔvinye, lãwo sɔ gbɔ ɖe asinye xoxo; tɔwòwo nenɔ asiwò ko!”" data/train/GEN/GEN_017_Verse_000.mp3,"Abraham gblɔ na Mawu be, “Meɖe kuku, yra Ismael nam ko!”" data/train/GEN/GEN_002_Verse_019.mp3,"Togbɔ be Adam kple srɔ̃a nɔ amama hã la, ŋu mekpea wo dometɔ aɖeke o." data/train/GEN/GEN_027_Verse_039.mp3,"Tsɔ wò da kple datiwo nàyi gbe me, eye nàwu lã aɖe tsɔ gbɔe." data/train/GEN/GEN_039_Verse_001.mp3,"Elé Yosef de gaxɔ me, afi si wodea ga fia Farao ƒe gaxɔmenɔlawo ɖo." data/train/GEN/GEN_017_Verse_012.mp3,"Ke nye nubabla le nye kple Isak dome, ame si Sara adzi na wò le ƒe si gbɔna la ƒe ɣe aleawo ɣi.”" data/train/GEN/GEN_043_Verse_020.mp3,"Le esia megbe la, efu mo, eye wòdo go. Eɖu eɖokui dzi hegblɔ be, “Mina míaɖu nu.”" data/train/GEN/GEN_029_Verse_026.mp3,"Rahel ƒe nu nyo Yakob ŋu, eya ta Yakob gblɔ na Laban be, “Ne àtsɔ Rahel nam maɖe la, ekema mawɔ dɔ na wò ƒe adre.”" data/train/GEN/GEN_038_Verse_021.mp3,"Le ɣleti etɔ̃ megbe la, woɖo du ɖe Yuda be toyɔvia Tamar fɔ fu le gbolowɔwɔ ta. Yuda do ɣli be, “Mihee vɛ, eye miatɔ dzoe!”" data/train/GEN/GEN_011_Verse_005.mp3,"Esi Eber xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-ene la, edzi Peleg." data/train/GEN/GEN_044_Verse_025.mp3,"Nɔviawo fɔ fɔŋli, eye wodze mɔ kple woƒe tedziawo." data/train/GEN/GEN_047_Verse_011.mp3,"Esi Israel ƒe kuɣi gogo la, eyɔ via Yosef gblɔ nɛ be, “Ka atam nam be yeawɔ nye didi mamlɛtɔ dzi nam: Mègaɖim ɖe Egipte o." data/train/GEN/GEN_037_Verse_009.mp3,eye wolée da ɖe vudo aɖe si me tsi menɔ o la me. data/train/GEN/GEN_044_Verse_014.mp3,eye ɖeka megatrɔ gbɔ o: lã aɖe anya lée kokoko; nyemegakpɔe kpɔ tso ɣe ma ɣi o. data/train/GEN/GEN_041_Verse_051.mp3,"Tete nyi dami adre do tso tɔsisi la me, eye wonɔ gbe ɖum." data/train/GEN/GEN_008_Verse_016.mp3,"Tete Mawu gblɔ na Noa be," data/train/GEN/GEN_011_Verse_000.mp3,"Abram ɖe fofoa ƒe vi Sarai le esime nɔvia Nahor ɖe Haran si ku la ƒe vi, Milka. Nɔviŋutsu si nɔ Milka sie nye Yiska." data/train/GEN/GEN_001_Verse_022.mp3,"Mawu wɔ nu keklẽ gã eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suetɔ si nye ɣleti la naklẽ le zã me. Ewɔ ɣletiviwo hã." data/train/GEN/GEN_019_Verse_025.mp3,"Lot tu ʋɔ ɖe amedzroawo nu, eye wòyi wo gbɔ" data/train/GEN/GEN_008_Verse_002.mp3,"Egaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu le kɔsiɖa ɖeka megbe, eye ahɔnɛ la megatrɔ gbɔ o." data/train/GEN/GEN_028_Verse_020.mp3,"Yakob ɖe adzɔgbe na Mawu be, “Ne Mawu ave nunye, akpɔ tanye le nye mɔzɔzɔ sia me, ana nuɖuɖu kple nutatam," data/train/GEN/GEN_024_Verse_007.mp3,"Ale woyɔ Rebeka, eye wobiae be, “Èlɔ̃ be yeadze ŋutsu sia yomea?” Rebeka ɖo eŋu be, “Ɛ̃, mayi.”" data/train/GEN/GEN_017_Verse_009.mp3,"Eye wotso aʋa na ŋutsu ɖe sia ɖe le Abraham ƒe aƒe me, ame si wodzi le eƒe aƒe me kple kluvi si woƒle le amedzro aɖe si siaa." data/train/GEN/GEN_044_Verse_009.mp3,"Ègblɔ na mí be, ‘Mikplɔe va afi sia be makpɔe ɖa.’" data/train/GEN/GEN_037_Verse_026.mp3,"Wo fofo kpɔe dze sii enumake. Efa avi gblɔ be, “Ɛ̃, vinye ƒe awue. Lã wɔadã aɖee lée; eme kɔ ƒãa be lã wɔadã aɖe vuvu Yosef.”" data/train/GEN/GEN_025_Verse_008.mp3,"Esau gblɔ be, “Ne dɔ le ame aɖe wum wòɖo kudo nu ɖe, viɖe kae gale eƒe ŋgɔgbevinyenye ŋu nɛ?”" data/train/GEN/GEN_024_Verse_041.mp3,"Kplɔe yi, eye wòazu wò aƒetɔ ƒe vi srɔ̃ abe ale si Yehowa gblɔe ene.”" data/train/GEN/GEN_013_Verse_000.mp3,"Abram nye kesinɔtɔ gã aɖe: lãwo, klosalo kple sika nɔ esi fũu." data/train/GEN/GEN_035_Verse_014.mp3,"Israel gayi mɔzɔzɔ dzi, eye wòtu agbadɔ ɖe Eder mɔ godo." data/train/GEN/GEN_036_Verse_015.mp3,Esau kple Ada dzi viŋutsu ɖeka si ŋkɔe nye Elifaz. Esau kple Basemat dzi viŋutsu si ŋkɔe nye Reuel. data/train/GEN/GEN_033_Verse_010.mp3,"Etu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “El-Elohe-Israel” si gɔmee nye “Vɔsamlekpui na Israel ƒe Mawu.”" data/train/GEN/GEN_001_Verse_004.mp3,"Anyigba nɔ nyamaa, nɔnɔme aɖeke meli nɛ o. Ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsia dzi." data/train/GEN/GEN_034_Verse_007.mp3,"Hamor kple Sekem gblɔ be, “Ameawo nye mía xɔlɔ̃wo. Mina míana woatsi afi sia, anɔ mía dome, eye woawɔ woƒe dɔ, elabena míaƒe anyigba lolo; woakpɔ teƒe le edzi, woaɖe srɔ̃ tso mía dome, eye míawo hã míaɖe wo viwo." data/train/GEN/GEN_050_Verse_005.mp3,Ale Yosef yi kple Farao ƒe aɖaŋudelawo kple kpeɖeŋutɔwo data/train/GEN/GEN_023_Verse_008.mp3,"“Amegã, ɖo to mí. Ènye fiavi ŋusẽtɔ aɖe le mía dome. Ɖi wò ame kukuwo ɖe míaƒe yɔdo nyuitɔwo me. Mía dometɔ aɖeke magbe eƒe yɔdo nana wò na wò ame kukuwo ɖiɖi o.”" data/train/GEN/GEN_029_Verse_029.mp3,"Yakob bia be, “Mienya ame aɖe si woyɔna be Laban, eye wònye Nahor ƒe via?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenyae.”" data/train/GEN/GEN_004_Verse_022.mp3,"Nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Yubal, eye wònye ame gbãtɔ si wɔ kasaŋku kple dze." data/train/GEN/GEN_036_Verse_007.mp3,"Basemat, Ismael ƒe vinyɔnu si nye Nebayɔt nɔvinyɔnu." data/train/GEN/GEN_007_Verse_021.mp3,Tsiɖɔɖɔ la nɔ anyigba dzi ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃. data/train/GEN/GEN_028_Verse_010.mp3,"Esime Yakob nyɔ tso alɔ̃ me la, egblɔ be, “Vavã, Yehowa le afi sia, gake nyemenya o.”" data/train/GEN/GEN_043_Verse_029.mp3,"Tete Yosef tso kpla, eye wòdo go le xɔa me, elabena eƒe lɔlɔ̃ na dadavia, Benyamin ʋuʋu eƒe dzi ale gbegbe be wònɔ nɛ be wòado go aɖafa avi. Eyi eƒe xɔ gã me, eye wòfa avi hehehe." data/train/GEN/GEN_021_Verse_006.mp3,"Abraham ɖo eŋu be, “Enyo, meka atam sia!”" data/train/GEN/GEN_044_Verse_004.mp3,"Aƒedzikpɔla la yi ɖatu wo, eye wòƒo nu na wo abe ale si woɖo nɛ tututu ene." data/train/GEN/GEN_011_Verse_023.mp3,Ke Haran ku kaba le anyigba si dzi wodzii ɖo la dzi si nye Ur le Kaldea le esime fofoa Tera ganɔ agbe ko. data/train/GEN/GEN_029_Verse_010.mp3,"Esi Rahel nye Yakob dadaa nɔviŋutsu Laban ƒe vi, eye alẽawo nye Yakob nyrui tɔ ta la, Yakob yi vudo la gbɔ, mli kpea ɖa, eye wòna tsi nyruia ƒe alẽwo." data/train/GEN/GEN_028_Verse_011.mp3,"eye wòakplɔm magbɔ ava fofonye gbɔ dedie la, ekema matia Yehowa abe nye Mawu ene!" data/train/GEN/GEN_027_Verse_017.mp3,"Isak bia be, “Wò ame kae?” Esau ɖo eŋu be, “Nyee! Nye Esau, viwò ŋutsu tsitsitɔe!”" data/train/GEN/GEN_035_Verse_019.mp3,"Mlɔeba la, Yakob kple eƒe amewo va ɖo Luz si wogayɔna hã be Betel le Kanaan." data/train/GEN/GEN_047_Verse_028.mp3,"Yosef gblɔ na ameawo be, “Meƒle miawo ŋutɔ kple miaƒe anyigbawo na Farao. Blie nye esi, miyi miade agble." data/train/GEN/GEN_012_Verse_001.mp3,"Ale Farao nya wo, eye wòna asrafowo dzɔ Abram, srɔ̃a kple woƒe amewo kple woƒe kesinɔnuwo katã ŋu va se ɖe esime wodo go le eƒe anyigba dzi." data/train/GEN/GEN_027_Verse_030.mp3,"Mlɔeba la, Isak gblɔ na Esau be, “Manɔ anyigba wɔnuku aɖeke dzi o, eye zãmu hã madza na wò akpɔ o." data/train/GEN/GEN_040_Verse_019.mp3,"Wonɔ afi ma eteƒe didi, eye Potifar ɖoe na Yosef be wòakpɔ wo dzi." data/train/GEN/GEN_032_Verse_011.mp3,"Etsi afi ma dɔ, eye wòtia nu siwo nɔ esi la ƒe ɖe na foa Esau:" data/train/GEN/GEN_019_Verse_032.mp3,"Nu sia na Lot ɖe abla yi ɖagblɔ na viawo srɔ̃wo be, “Netsɔ na mi miado go le du sia me, elabena Yehowa le du sia tsrɔ̃ ge.” Ke toawo bui ko abe ahatso kam wòle ene." data/train/GEN/GEN_023_Verse_013.mp3,"Emegbe la, Abraham ɖi srɔ̃a Sara ɖe kpeto si le Makpela si te ɖe Mamre ŋu la me. Teƒe sia le Hebron le Kanaanyigba dzi." data/train/GEN/GEN_039_Verse_003.mp3,"Esi Ismaeletɔwo kplɔ Yosef yi Egipte la, wodzrae abe kluvi ene na Potifar, ame si nye Egipte fia, Farao ŋumewo dometɔ ɖeka. Eganye Farao ŋu dzɔlawo ƒe amegã kple aƒedzikpɔlawo ƒe amega hã." data/train/GEN/GEN_040_Verse_000.mp3,"abolo ƒomevi vovovowo le kusi edzitɔ me na Farao, ke xeviwo va ɖu wo keŋkeŋ.”" data/train/GEN/GEN_026_Verse_007.mp3,"Esi Esau xɔ ƒe blaene la, eɖe Hititɔ Beeri ƒe vinyɔnu Yudit, eye wògaɖe Hititɔ Elon ƒe vinyɔnu Basemat." data/train/GEN/GEN_007_Verse_022.mp3,"Tsiɖɔɖɔ la nɔ edzi ŋkeke blaene sɔŋ. Exɔ anyigba dzi, eye wòtsɔ aɖakaʋu la do ɖe dzi." data/train/GEN/GEN_028_Verse_000.mp3,"Ale Esau yi etɔgã, Ismael ƒe ƒome me, eye wòɖe srɔ̃ bubu eve tso afi ma kpe ɖe srɔ̃ siwo nɔ esi xoxo la ŋu. Srɔ̃ yeye siawo dometɔ ɖekae nye Mahalat, Nebayɔt nɔvi kple Ismael si nye Abraham ƒe viŋutsu la ƒe vinyɔnu." data/train/GEN/GEN_038_Verse_005.mp3,"Esi ame aɖe gblɔ na Tamar be toa dze Timna mɔ dzi hegbɔna fu ko ge na alẽawo," data/train/GEN/GEN_043_Verse_001.mp3,"Ale wo fofo, Israel gblɔ na wo mlɔeba be, “Ne wòanɔ nenema kokoko la, ekema nu suetɔ si miawɔ la koe nye be miado agba na miaƒe tedziwo kple nu nyuitɔ siwo le míaƒe anyigba dzi la: lifi, anyitsi, ami ʋeʋĩ, kotoklobo, ayedee kple newo, eye miatsɔ wo ayi ɖana ŋutsu la." data/train/GEN/GEN_009_Verse_003.mp3,"“Azɔ la, mebla nu kple wò kple wò dzidzimeviwo" data/train/GEN/GEN_011_Verse_024.mp3,Ke Sarai medzi vi aɖeke o. data/train/GEN/GEN_020_Verse_013.mp3,"Gbugbɔe ɖo ɖe srɔ̃a kaba! Srɔ̃a ado gbe ɖa ɖe tawò, elabena nyagblɔɖilae, ekema ànɔ agbe. Ke ne mèɖoe ɖe srɔ̃a o la, ekema nyae be mi kple aƒewòmetɔwo katã miaku.”" data/train/GEN/GEN_027_Verse_028.mp3,"Le esia megbe la, Rebeka tsɔ Esau ƒe awu nyuitɔwo, eye wòna Yakob do wo." data/train/GEN/GEN_048_Verse_021.mp3,"Tete Yosef ɖe wo ɖa le Israel ƒe atata, eye wòde ta agu, tsyɔ mo anyi." data/train/GEN/GEN_003_Verse_000.mp3,"Adam ɖo eŋu be, “Mese ŋkɔwò nègbɔna, vɔvɔ̃ ɖom, eye nyemedi be nàkpɔm manɔ amama o, eya ta meɣla ɖokuinye.”" data/train/GEN/GEN_031_Verse_049.mp3,"Yakob do dɔmedzoe ɖe Laban ŋu, eye wòbiae be, “Nu vɔ̃ ka mewɔ? Vo ka meda si ta nànɔ fu ɖem nam ale?" data/train/GEN/GEN_004_Verse_000.mp3,Ada dzi Yabal. Eyae zu nyikplɔla kple ame siwo nɔa avɔgbadɔwo me la dometɔ gbãtɔ. data/train/GEN/GEN_016_Verse_016.mp3,"Yehowa ƒe dɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi wò aƒenɔ gbɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò nɛ," data/train/GEN/GEN_025_Verse_033.mp3,Ɖa dzĩ nɔ gbãtɔ ŋu abe lãfuwue wòdo ene! Ale woyɔe be “Esau.” data/train/GEN/GEN_017_Verse_001.mp3,"Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu gblɔ nɛ be," data/train/GEN/GEN_025_Verse_034.mp3,"Ɖeviawo dometɔ si Isak lɔ̃ wu lae nye Esau, le adelã si wòtsɔna vaa aƒe mee ta; ke esi Rebeka lɔ̃ wu lae nye Yakob." data/train/GEN/GEN_039_Verse_004.mp3,"Esi Potifar se nya sia la, edo dɔmedzoe." data/train/GEN/GEN_034_Verse_012.mp3,"Miate ŋu atsi mía dome; anyigba la li faa na mi. Minɔ edzi, mitsa asi le edzi, eye miakpɔ viɖe le edzi.”" data/train/GEN/GEN_044_Verse_001.mp3,"Ale míetrɔ yi wò dɔla mía fofo gbɔ, eye míegblɔ nu si wò nye aƒetɔ gblɔ la nɛ." data/train/GEN/GEN_003_Verse_023.mp3,"Yehowa Mawu yɔ amea, eye wòbiae bena, “Afi ka nèle?”" data/train/GEN/GEN_046_Verse_032.mp3,"Yosef ƒe viŋutsu siwo wòdzi le Egipte la woe nye: Manase kple Efraim. Wo dadae nye Asenat, Potifera, ame si nye nunɔla na On ƒe vinyɔnu la." data/train/GEN/GEN_032_Verse_023.mp3,"woaɖo eŋu be, “Wò subɔla, Yakob ƒe lãwoe. Wonye nunana na eƒe aƒetɔ Esau! Ele mía yome gbɔna!”" data/train/GEN/GEN_047_Verse_023.mp3,"Ne meku la, tsɔm dzoe le Egipte, eye nàɖim ɖe tɔgbuinyewo xa.” Yosef ka atam sia." data/train/GEN/GEN_031_Verse_055.mp3,"Ɛ̃, mewɔ dɔ na wò ƒe blaeve sɔŋ: ƒe wuiene be mate ŋu aɖe viwò nyɔnu eve, ƒe ade be lãha sia naka asinye! Gawu la, èɖe nye fetu dzi zi ewo." data/train/GEN/GEN_027_Verse_044.mp3,"Yakob tsɔ nuɖuɖua yi na fofoa hegblɔ be, “Fofonye.” Eɖo eŋu bena, “Nyee nye si, vinye kae nye ema?”" data/train/GEN/GEN_034_Verse_008.mp3,"Ke esi Fia Hamor, Hivitɔ ƒe viŋutsu, Sekem kpɔe la, elée hedɔ egbɔ sesẽtɔe." data/train/GEN/GEN_019_Verse_037.mp3,"ɖaɖe kuku na wo be, “Nɔvinyewo, migawɔ nu baɖa sia tɔgbi o." data/train/GEN/GEN_048_Verse_006.mp3,"eye wògblɔ na Yosef be, “Mawu Ŋusẽkatãtɔ ɖe eɖokui fiam le Luz, le Kanaanyigba dzi, eye wòyram." data/train/GEN/GEN_036_Verse_000.mp3,"Ale Esau, ame si wogayɔna be Edom la yi ɖanɔ tonyigba dzi le Seir." data/train/GEN/GEN_024_Verse_014.mp3,"Ebiae be, “Ɖetugbi, ame ka ƒe vi nènye? Teƒe le fofowò si wòana míadze le zã sia mea?”" data/train/GEN/GEN_001_Verse_021.mp3,"Mawu wɔ lã wɔadãwo, nyi kple nu tatawo dometɔ ɖe sia ɖe tɔgbi. Eye Mawu kpɔ be enyo." data/train/GEN/GEN_035_Verse_006.mp3,"Esime Rahel nɔ kudɔ ƒom la, ena ŋkɔ ɖevi la be, “Ben Oni” si gɔmee nye “Nye Konyifafa ƒe Vi,” eye wòku. Yakob ya na ŋkɔ ɖevi la be “Benyamin” si gɔmee nye “Nye Nuɖusi ƒe Vi.”" data/train/GEN/GEN_037_Verse_016.mp3,"Midiantɔwo kplɔ Yosef yi Egipte, eye wodzrae na Potifar, ame si nye Egipte fia, Farao ƒe aƒedzikpɔla kple eŋudzɔsrafowo ƒe amegã." data/train/GEN/GEN_020_Verse_015.mp3,"Ke le zã ma me la, Mawu ɖe eɖokui fia Abimelek le drɔ̃e me hegblɔ nɛ be, “Èle kuku ge godoo, elabena nyɔnu si wokplɔ vɛ na wò la, ame srɔ̃e.”" data/train/GEN/GEN_030_Verse_020.mp3,"Gbe ɖeka le lũŋeɣi la, Ruben gbe agbitsa aɖewo tso gbe me vɛ na dadaa Lea. Rahel ɖe kuku na Lea be wòana agbitsa la ƒe ɖe ye." data/train/GEN/GEN_003_Verse_004.mp3,"Anyigba ana ŋuwo kple aŋɔkawo namie na wò, eye nàɖu woƒe gbewo." data/train/GEN/GEN_001_Verse_030.mp3,"Tete nuwo mie ɖe anyigba la dzi: ati siwo tsea ku wotɔxɛwotɔxɛe, eye Mawu kpɔe be enyo." data/train/GEN/GEN_029_Verse_018.mp3,Laban tsɔ eƒe kosivi Bilha na Rahel be wòasubɔe. data/train/GEN/GEN_025_Verse_025.mp3,Teƒe siae Abraham ƒle le Hititɔ la si; afi mae woɖi Abraham kple srɔ̃a ɖo. data/train/GEN/GEN_041_Verse_007.mp3,"Bli yɔyrɔe siawo mi bli ʋaʋãwo! Farao ganyɔ, eye wòdze sii be drɔ̃e sɔŋ ko wonye." data/train/GEN/GEN_026_Verse_032.mp3,"Woɖo eŋu be, “Míekpɔe dze sii kɔtɛe be Yehowa le yrawòm. Míedi be atamkaka nanɔ mía dome." data/train/GEN/GEN_002_Verse_003.mp3,Alɔdze evelia ŋkɔe nye Gihon. Etsa to Kus ƒe anyigba blibo la dzi. data/train/GEN/GEN_028_Verse_008.mp3,"Esau kpɔ be ye fofo Isak yra Yakob, eye wòɖoe ɖe Padan Aram be wòaɖe srɔ̃ le afi ma, ke ede se na Yakob be, “Megaɖe Kanaan nyɔnu o.”" data/train/GEN/GEN_009_Verse_004.mp3,"egblɔ be, “Woaƒo fi ade Kanaan; ànye kluvi gblɔetɔ na nɔviwòwo.”" data/train/GEN/GEN_041_Verse_028.mp3,"Farao gblɔ na Yosef be, “Nye, Egipte fia, meka atam na wò be, ànɔ Egiptenyigba blibo la nu le go sia go me.”" data/train/GEN/GEN_046_Verse_033.mp3,"Yuda ƒe viŋutsuwo: Er, Onan, Sela, Perez, Zera. (Ke Er kple Onan ku le Kanaan do ŋgɔ na Israel ƒe ʋuʋu yi Egipte.) Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron kple Hamul." data/train/GEN/GEN_011_Verse_015.mp3,"Eya ta wona ŋkɔ du ma be Babel si gɔmee nye, “Tɔtɔ,” elabena afi ma Yehowa tɔtɔ gbe na amewo le, eye wokaka ɖe afi sia afi le anyigba blibo la dzi." data/train/GEN/GEN_035_Verse_016.mp3,"Mana anyigba si metsɔ na Abraham kple Isak la nazu tɔwò, eye wòava zu wò dzidzimeviwo tɔ.”" data/train/GEN/GEN_037_Verse_032.mp3,"Yosef ɖo eŋu be, “Nɔvinyewo kple woƒe alẽwo dim mele; èkpɔ wo nama?”" data/train/GEN/GEN_030_Verse_015.mp3,"Esia ta Yakob ƒe alẽwo dzi ɖe edzi kabakaba, eye wòzu hotsuitɔ gã aɖe. Subɔlawo, kposɔwo kple tedziwo sɔ gbɔ ɖe esi fũu." data/train/GEN/GEN_003_Verse_007.mp3,"Esi nyɔnu la kpɔ be ati la ƒe tsetse nyo na ɖuɖu, eye wònya kpɔ, eye wònana wodzea nunya la, egbe ɖe ɖu. Ena ɖe srɔ̃a si le egbɔ la hã wòɖu." data/train/GEN/GEN_019_Verse_001.mp3,Ale nɔvi eveawo fɔ fu na wo fofo Lot. data/train/GEN/GEN_006_Verse_014.mp3,"Na wòadidi mita alafa ɖeka blaene (140), akeke mita blaeve-vɔ-etɔ̃, akɔkɔ mita wuietɔ̃ kple afã." data/train/GEN/GEN_024_Verse_048.mp3,"“Mebiae be, ‘Ame ka ƒe vie nènye?’ “Egblɔ nam be, ‘Fofonyee nye Betuel, Nahor kple srɔ̃a Milka ƒe vi.’ “Eya ta metsɔ asigɛ kple alɔnugɛwo nɛ." data/train/GEN/GEN_021_Verse_018.mp3,"eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe adzɔge abe abɔ alafa ɖeka lɔƒo ene tso ɖevi la gbɔ. Egblɔ be, “Nyemedi be manɔ ɖevi la kpɔm wòaku o,” eye wòde asi avifafa me hehehe." data/train/GEN/GEN_023_Verse_015.mp3,"eye wòɖo nya la ŋu na Efrɔn esime ame sia ame nɔ to dzi be, “Ao, na maƒlee ko. Na maxe ga home si anyigba la xɔ la, ekema maɖi nye ame kukuwo ɖe edzi.”" data/train/GEN/GEN_028_Verse_009.mp3,"Esi zã do la, etsi teƒe aɖe dɔ, eye wòziɔ kpe aɖe abe suɖui ene be yeadɔ alɔ̃." data/train/GEN/GEN_029_Verse_028.mp3,"Woɖo eŋu nɛ be, “Míemlia kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo kple alẽkplɔlawo katã va ƒo ƒu ɖe afi sia.”" data/train/GEN/GEN_034_Verse_025.mp3,"Wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa dzoe, eye woha kesinɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi." data/train/GEN/GEN_003_Verse_003.mp3,"Amea ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyɔnu si nèwɔ nam lae na kutsetsea ƒe ɖem meɖu.”" data/train/GEN/GEN_036_Verse_021.mp3,"Esau ƒe viŋutsuwo: gbãtɔe nye Elifaz si Ada dzi nɛ, eveliae nye Reuel si Basemat dzi nɛ." data/train/GEN/GEN_026_Verse_027.mp3,"Le ƒe ma me la, Isak ƒe nukuwo ʋã ŋutɔ; nuku ɖe sia ɖe si wòƒã la tse ku geɖe, elabena Yehowa yrae." data/train/GEN/GEN_024_Verse_019.mp3,"Emegbe la, eɖe sikanuwo kple klosalonuwo kpakple awu nyuiwo na Rebeka, eye wòtsɔ nunana xɔasi vovovowo na dadaa kple nɔvia ŋutsu hã." data/train/GEN/GEN_029_Verse_019.mp3,"Laban ɖo eŋu be, “Melɔ̃. Enyo nam be matsɔe na wò boŋ wu be matsɔe na ame bubu aɖe si medo ƒome kplim o.”" data/train/GEN/GEN_038_Verse_003.mp3,"Egadzi ŋutsuvi ake, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Sela; teƒe si wodzii le lae nye Kezib." data/train/GEN/GEN_029_Verse_024.mp3,"Mlɔeba la, ɣeyiɣi la de be wòaɖee. Yakob gblɔ na Laban be, “Mewɔ nu si nèɖo nam la, eya ta ele na wò azɔ be nàɖe asi le srɔ̃nye ŋu nam madɔ kplii.”" data/train/GEN/GEN_050_Verse_008.mp3,"Emegbe la, eɖe gbe na eƒe atikewɔlawo be woasi atike na ye fofo Israel. Ale atikewɔlawo si atike nɛ." data/train/GEN/GEN_021_Verse_030.mp3,"Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me ɖe ɣeyiɣi si dzi tututu Mawu do ŋugbe nɛ la dzi." data/train/GEN/GEN_031_Verse_041.mp3,"Nu ka ta mèna mɔnukpɔkpɔm be maɖo kplɔ̃ na mi, eye hadzidzi, ʋuƒoƒo kple kasaŋkuƒoƒo nanɔ anyi o ɖo?" data/train/GEN/GEN_041_Verse_025.mp3,"eye emegbe la, wogaɖi ku glãŋuiglãŋui abe ale si tututu wonɔ tsã la ene, eye menyɔ!" data/train/GEN/GEN_002_Verse_018.mp3,"Tete Yehowa Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Emegbe la, eɖe ame la ƒe axaƒuti ɖeka, eye wòxe teƒe si wòɖee tsoe la." data/train/GEN/GEN_003_Verse_022.mp3,Yehowa Mawu wɔ lãgbalẽwu do na Adam kple srɔ̃a. data/train/GEN/GEN_036_Verse_006.mp3,Ana ƒe viwoe nye: Dison kple Oholibama. data/train/GEN/GEN_019_Verse_003.mp3,"Ale wona wo fofo gamu aha gbe ma gbe fiẽ hã, eye nyɔnuvi suetɔ hã yi ɖamlɔ egbɔ. Fofoa dɔ eya hã gbɔ, ke fofoa menya o." data/train/GEN/GEN_039_Verse_011.mp3,"eyɔ eƒe subɔlawo, eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, wokplɔ Hebri ɖekakpui sia vɛ be wòado ŋukpe mí! Eva afi sia be yeadɔ kplim, ke medo ɣli." data/train/GEN/GEN_016_Verse_014.mp3,"Viwò sia anye vi dzeaglã aɖe, eye wòawɔ nu glalaglalã abe tedzi dzeaglã ene! Atsi tsitre ɖe ame sia ame ŋu, eye nenema ke ame sia ame hã atsi tsitre ɖe eŋu. Ke hã la, anɔ teƒe ɖeka kple nɔvia bubuawo.”" data/train/GEN/GEN_043_Verse_014.mp3,eye miakplɔ mia nɔvia ayii! data/train/GEN/GEN_050_Verse_022.mp3,"Tete nɔviawo va dze klo, de ta agu nɛ, eye wogblɔ nɛ be, “Míenye wò kluviwo.”" data/train/GEN/GEN_029_Verse_007.mp3,"Emegbe le zã me la, Laban kplɔ Lea yi na Yakob, eye Yakob dɔ egbɔ." data/train/GEN/GEN_012_Verse_003.mp3,"Ale wòyi mɔzɔzɔ dzi ɖɔɖɔɖɔ henɔ anyigbeme yim, henɔ tɔtɔm ɖe teƒewo ɖo ta Negeb." data/train/GEN/GEN_011_Verse_031.mp3,"Wogblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míame anyikpewo, míaƒo dzo wo nyuie.” Wowɔ anyikpe ŋu dɔ ɖe kpe ŋutɔ teƒe kple aŋɔ yibɔ ɖe anyi teƒe." data/train/GEN/GEN_024_Verse_015.mp3,"Egblɔ be, “Abraham ƒe subɔlae menye." data/train/GEN/GEN_001_Verse_016.mp3,"Mawu gblɔ be, “Mina tsi si le lilikpo la te la naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka be anyigba ƒe ƒuƒuiƒe nadze.” Eva eme nenema." data/train/GEN/GEN_027_Verse_041.mp3,"“Woe nye Esau nyateƒea?” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyee!”" data/train/GEN/GEN_029_Verse_009.mp3,"Esi Laban se nya sia tso Yakob, nɔvia nyɔnu ƒe viŋutsu ŋu la, eɖe abla yi ɖakpee. Ekpla asi kɔ nɛ, gbugbɔ nu nɛ, kplɔe yi aƒe me, eye Yakob gblɔ nyawo katã nɛ le afi ma." data/train/GEN/GEN_042_Verse_026.mp3,"Ruben gblɔ be, “Nyemegblɔe na mi be migawɔe oa? Miegbe toɖoɖom. Azɔ la, míele kuku ge, elabena míewui.”" data/train/GEN/GEN_001_Verse_019.mp3,"Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia." data/train/GEN/GEN_024_Verse_003.mp3,"Ale aƒedzikpɔla la tsɔ eƒe asiwo de Abraham ƒe ata te, eye wòka atam be yeawɔ eƒe ɖoɖowo dzi." data/train/GEN/GEN_050_Verse_023.mp3,"Wotsɔe yi Kanaanyigba dzi, eye woɖii ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba dzi si te ɖe Mamre ŋu, abɔ si Abraham ƒle le Efrɔn, Hititɔ la si be wòanye ameɖiƒe la me." data/train/GEN/GEN_025_Verse_016.mp3,Ismael ƒe dzidzimevi siawo kaka ɖe anyigba dzi tso Havila va se ɖe Sur si te ɖe Egipte ƒe liƒowo ŋu le Asiria gome. Wowɔa aʋa edziedzi kple wo nɔewo. data/train/GEN/GEN_033_Verse_018.mp3,"Yakob kple eƒe amewo yi ɖaɖo Sukɔt. Etu agbletaxɔ kple lãkpowo ɖe afi ma, eya ta woyɔa teƒe ma be Sukot si gɔmee nye “Agbletaxɔwo.”" data/train/GEN/GEN_031_Verse_002.mp3,"Ale wòsi kple eƒe nunɔamesiwo katã. Esi wòtso Frat tɔsisi la, eɖo ta Gilead ƒe tonyigbawo dzi." data/train/GEN/GEN_001_Verse_005.mp3,"aɖu zã kple ŋkeke dzi, eye woama kekeli ɖa tso viviti gbɔ. Nu sia dze Mawu ŋu." data/train/GEN/GEN_024_Verse_001.mp3,"Abraham ɖo eŋu be, “Gbeɖe! Kpɔ nyuie be màwɔ nenema gbeɖe o," data/train/GEN/GEN_014_Verse_006.mp3,"eye Salem fia Melkizedek, ame si nye Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nunɔla la tsɔ abolo kple wain vɛ nɛ," data/train/GEN/GEN_024_Verse_045.mp3,"Le wò atamkaka ta la, ele na wò be nàyi aɖabia. Ne womaɖo ame aɖeke ɖa o la, ekema èvo tso wò atamkaka la me.’" data/train/GEN/GEN_033_Verse_012.mp3,"Eƒle anyigba si dzi wònɔ la le Sekem fofo, Hamor ƒe ƒometɔwo si klosalo alafa ɖeka." data/train/GEN/GEN_001_Verse_011.mp3,"Mawu gblɔ be, “Kekeli nedo.” Eye kekeli do." data/train/GEN/GEN_001_Verse_027.mp3,"Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be “anyigba,” eye wòyɔ tsi siwo ƒo ƒu la be, “atsiaƒuwo.” Mawu kpɔe be enyo." data/train/GEN/GEN_017_Verse_018.mp3,"Mawu ɖo eŋu be, “Ao, menye nenemae megblɔ o. Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye miana ŋkɔe be, Isak si gɔmee nye ‘Nukoko.’ Mabla nu kple eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe." data/train/GEN/GEN_019_Verse_004.mp3,"Egblɔ na wo be, “Nye amegãwo, miva dze gbɔnye le zã sia me, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu. Miate ŋu ayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi etsɔ ŋdi kanya.” Wogblɔ be, “Ao, akpe na wò, míadzudzɔ le ablɔ dzi le afi sia ko.”" data/train/GEN/GEN_036_Verse_027.mp3,"Esiawoe nye fia siwo dzɔ tso Esau me la ƒe ŋkɔwo ɖe woƒe towo kple nutowo ƒe ɖoɖo nu: Timna, Alva, Yetet," data/train/GEN/GEN_019_Verse_038.mp3,Ɣe nɔ dzedzem esi Lot ɖo Zoar. data/train/GEN/GEN_031_Verse_044.mp3,"Rahel gblɔ na fofoa be, “Papa, tsɔe kem be nyemate ŋu atsi tsitre o, elabena mekpɔ dzinu.”" data/train/GEN/GEN_032_Verse_015.mp3,"kposɔnɔ blaetɔ̃ kple wo viwo, nyinɔ blaene kple nyitsu ewo, tedzinɔ blaeve kple tedzitsu ewo." data/train/GEN/GEN_042_Verse_002.mp3,"Ale wodo agba na woƒe tedziwo, eye wodze aƒemɔ dzi." data/train/GEN/GEN_040_Verse_021.mp3,"Yosef bia wo be, “Nu ka tututue le mia wɔm?”" data/train/GEN/GEN_018_Verse_009.mp3,"Esi Yehowa wu nya siawo gbɔgblɔ kple Abraham nu la, edzo, eye Abraham trɔ yi eƒe agbadɔ me." data/train/GEN/GEN_036_Verse_043.mp3,Zibeon ƒe viwoe nye: Aya kple Ana. (Eyae fɔ tsi dzidzi xɔdzo aɖe ƒe vudo le gbegbe esime wònɔ fofoa ƒe tedziwo kplɔm.) data/train/GEN/GEN_044_Verse_013.mp3,"eye míegblɔ be, ‘Ɛ̃, mía fofo, amegãɖeɖi li, eye eƒe tsitsimevi, ŋutsuvi sue aɖe hã li. Dadavia ɖekɛ la ku; eya koe susɔ le dadaa ƒe viwo dome, eye fofoa lɔ̃e ŋutɔ.’" data/train/GEN/GEN_026_Verse_001.mp3,"Abimelek dɔ ame ɖe Isak, eye wòhe nya ɖe eŋu be, “Srɔ̃wòe nye Rebeka! Nu ka ta nègblɔ be ye nɔvie ɖo?” Isak ɖo eŋu be, “Elabena mevɔ̃ be woava wum, axɔ Rebeka aɖe.”" data/train/GEN/GEN_019_Verse_031.mp3,"Na míana mía fofo nano wain amu, eye wòadɔ mía gbɔ, ale be míate ŋu adzi vi, eye míaƒe dzidzime nu matso o.”" data/train/GEN/GEN_001_Verse_025.mp3,"Mawu yɔ kekeli la be “ŋkeke,” eye wòyɔ viviti la be “zã.” Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke gbãtɔ." data/train/GEN/GEN_041_Verse_033.mp3,"Ke le ƒe mawo yome la, dɔwuame ava ƒe adre, eye enu asesẽ ale gbegbe be nuɖuɖu si bɔ tsã la avɔ, woaŋlɔ woƒe bɔbɔ kpɔ be le Egipte, eye dɔwuame agblẽ anyigba la dzi." data/train/GEN/GEN_026_Verse_023.mp3,"Isak ɖi vɔsamlekpui, eye wòsubɔ Yehowa. Eʋu va tsi afi ma, eye eƒe subɔlawo ɖe vudo ɖi." data/train/GEN/GEN_028_Verse_014.mp3,"ke boŋ yi Padan Aram enumake, eye nàge ɖe tɔgbuiwò Betuel ƒe aƒe me, eye nàɖe nɔviwò siwo nye nyruiwò, Laban vinyɔnuwo la dometɔ ɖeka." data/train/GEN/GEN_037_Verse_034.mp3,"ŋutsu aɖe kpɔe le gbea dzi, eye wòbiae be, “Ame ka dim nèle?”" data/train/GEN/GEN_036_Verse_020.mp3,"Esau ƒe dzidzimeviwo, Edomtɔwo, ame siwo wodzi nɛ le Seir to dzi la ƒe ŋkɔwo yi ale:" data/train/GEN/GEN_022_Verse_000.mp3,"Abraham na ŋkɔ teƒe la be, “Yehowa naa nu,” eye ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe." data/train/GEN/GEN_035_Verse_026.mp3,"Yakob tsɔ kpe tu sɔti aɖe ɖe teƒe si Mawu ƒo nu kplii le la, eye wòwɔ nunovɔsa ɖe edzi; ekɔ ami hã ɖe edzi." data/train/GEN/GEN_038_Verse_028.mp3,"Yuda gblɔ na exɔlɔ̃ Hira, Adulamtɔ la be wòalé gbɔ̃vi la ayi na Tamar, eye wòaxɔ awɔbanuawo vɛ, ke Hira mete ŋu ke ɖe Tamar ŋu o." data/train/GEN/GEN_019_Verse_010.mp3,"eye wodi be yewoaɖo xɔ la, Sodom ŋutsuwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa tso dua ƒe akpa sia akpa va ƒo xlã aƒe la," data/train/GEN/GEN_029_Verse_021.mp3,"Lala ne wò srɔ̃ɖeɖe ƒe kɔsiɖa gbãtɔ nava yi, ekema àte ŋu aɖe Rahel hã ne àgasubɔm ƒe adre bubu ko!”" data/train/GEN/GEN_030_Verse_018.mp3,"Gbe ma gbe fiẽ, esi Yakob tso gbedzi gbɔna la, Lea yi ɖakpee, gblɔ nɛ be, “Egbe la, nye gbɔe nàdɔ, elabena metsɔ agbitsa siwo vinye gbe vɛ la na Rahel ɖe tawò!” Ale Yakob dɔ Lea gbɔ." data/train/GEN/GEN_044_Verse_032.mp3,"Yosef gblɔ be, “Ao, ame si fi kplu la koe anye nye kluvi. Mi ame mamlɛawo ya, miyi mia de le mia fofo gbɔ.”" data/train/GEN/GEN_019_Verse_024.mp3,"Lot gblɔ na wo be, “O, nye Aƒetɔwo, meɖe kuku na mi." data/train/GEN/GEN_022_Verse_003.mp3,"Abraham ɖo eŋu be, “Vinye, Mawu akpɔ ema gbɔ na mí hena vɔsa la.” Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi." data/train/GEN/GEN_031_Verse_019.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, ne èwɔ fu vinyewo alo ègaɖe srɔ̃ bubuwo la, nyemanya o, gake Mawu ya akpɔe.”" data/train/GEN/GEN_014_Verse_001.mp3,"Ame siwo si la dometɔ ɖeka va ka nya la ta na Abram, Hebritɔ la, esime wònɔ asaɖa me le Mamre si nye Amoritɔ la ƒe ati gãwo te. Mamre nye Eskol kple Aner, ame siwo nɔ Abram dzi la nɔvi." data/train/GEN/GEN_017_Verse_026.mp3,Woaɖe miaƒe aʋanuyiwo ɖa. Esia anye dzesi be wò kple wò dzidzimeviwo siaa miexɔ nubabla sia. data/train/GEN/GEN_047_Verse_026.mp3,Yakob gayra Farao hafi dzo. data/train/GEN/GEN_015_Verse_021.mp3,"Yehowa kplɔ Abram va xexe le ɣletiɖiɖi nu, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ dziƒo ɖa, eye nàxlẽ ɣletiviawo, ne àte ŋu axlẽ wo ko. Nenema tututue wò dzidzimeviwo anɔ; ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!”" data/train/GEN/GEN_027_Verse_002.mp3,"Àtsɔ nuɖuɖu la ayi na fofowò wòaɖu. Ne eɖui vɔ la, ayra wò boŋ ɖe fowò Esau teƒe hafi aku.”" data/train/GEN/GEN_013_Verse_007.mp3,elabena matsɔ afi sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo. data/train/GEN/GEN_024_Verse_032.mp3,"Fifia Isak, ame si ƒe aƒe le Negeb la, trɔ va Ber Lahai Roi." data/train/GEN/GEN_025_Verse_031.mp3,"Yehowa gblɔ nɛ be, “Viŋutsu eve siwo le dɔ me na wò la azu dukɔ eve siwo aʋli ho kple wo nɔewo. Ɖeka asesẽ wu evelia, eye tsitsitɔ azu subɔla na ɖevitɔ.”" data/train/GEN/GEN_042_Verse_037.mp3,"Yosef yi edzi be, “Nenema? Nu ka esia fia? Efia be ŋkutsalawoe mienye." data/train/GEN/GEN_011_Verse_029.mp3,Tera ku le Haran esi wòxɔ ƒe alafa eve kple atɔ̃ (205). data/train/GEN/GEN_026_Verse_021.mp3,"Isak ƒe amewo gaɖe vudo bubu, ke ʋiʋli gaɖo esia hã ŋu, eya ta wona ŋkɔ vudo la be, “Dɔmedzoevudo.”" data/train/GEN/GEN_031_Verse_010.mp3,"Eya ta woyɔe hã be “Mizpa” si gɔmee nye “Nuŋudzɔla,” elabena Laban gblɔ be, “Aƒetɔ la nakpɔ egbɔ be ne míegale mía nɔewo gbɔ o hã la, míazɔ ɖe nubabla sia dzi." data/train/GEN/GEN_014_Verse_011.mp3,"Ke aŋɔʋe geɖewo nɔ teƒe ma, eye esi Sodom kple Gomora fiawo si yina la, wo dometɔ aɖewo ge dze aŋɔʋeawo me. Ame mamlɛawo si yi toawo dzi." data/train/GEN/GEN_044_Verse_029.mp3,"Woɖe woƒe kotokuawo le woƒe tedziwo dzi kaba, eye woʋu wo nu." data/train/GEN/GEN_001_Verse_010.mp3,"Mawu gblɔ be, “Anyigba nedzi lã kple nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi: nyiwo, nu tatawo kple gbemelã ɖe sia ɖe tɔgbi.” Eye wòva eme nenema." data/train/GEN/GEN_032_Verse_028.mp3,"Yakob na ŋkɔ teƒea be “Peniel” si gɔmee nye “Mawu ƒe ŋkume,” elabena egblɔ be, “Mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume, gake metsi agbe.”" data/train/GEN/GEN_050_Verse_002.mp3,Ale Yakob ƒe viwo wɔ nu siwo wòɖo na wo la. data/train/GEN/GEN_027_Verse_014.mp3,Etsɔ lã si nɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ kple abolo si wome teti la nɛ. data/train/GEN/GEN_005_Verse_021.mp3,"Lamek na ŋkɔe be Noa si gɔmee nye “Gbɔdzɔe,” elabena egblɔ be, “Ame sia ahe gbɔdzɔe vɛ na mí tso agbledɔ sesẽ si wɔm míele le anyigba si Mawu ƒo fi dee dzi la me.”" data/train/GEN/GEN_036_Verse_003.mp3,"Ame siawoe nye fiawo le Esau ƒe dzidzimeviwo dome. Elifaz, ame si nye Esau ƒe viŋutsu gbãtɔ, Teman, Omar, Zefo kple Kenaz," data/train/GEN/GEN_018_Verse_008.mp3,"Emegbe la, eƒu du yi nyihawo me, lé nyivi dami aɖe, eye wògblɔ na eƒe subɔla aɖe be wòawui enumake." data/train/GEN/GEN_042_Verse_008.mp3,"Esi wònye Yosef tututue nye dziɖula le Egipte katã, eye wònye eyae le blia dzi kpɔm ta la, eya gbɔe nɔviawo yi, eye wodze klo, de ta agu nɛ." data/train/GEN/GEN_019_Verse_011.mp3,"eye wona Sodomtɔwo ƒe ŋkuwo dzi tsyɔ sẽe, ale be womegate ŋu kpɔ ʋɔtru la o." data/train/GEN/GEN_043_Verse_005.mp3,"Ebia woƒe agbe ta, eye wòbia wo be, “Aleke mia fofo, amegãɖeɖi si ƒe nya miegblɔ nam la le? Egale agbea?”" data/train/GEN/GEN_032_Verse_009.mp3,"Esi ŋutsu la kpɔ be yemate ŋu aɖu Yakob dzi o la, etɔ asi Yakob ƒe aligo, eye ƒuawo gli le enu." data/train/GEN/GEN_040_Verse_023.mp3,"Yosef gblɔ nɛ be, “Mese wo drɔ̃e la gɔme. Alɔdze etɔ̃awo fia ŋkeke etɔ̃!" data/train/GEN/GEN_034_Verse_004.mp3,"Emegbe Yakob ƒe viwo katã yi dua me, eye woha nuwo le dua me ɖe esi wogblẽ wo nɔvinyɔnu la ta." data/train/GEN/GEN_018_Verse_020.mp3,"Mlɔeba la, Abraham gblɔ be, “O, Yehowa, mègado dɔmedzoe o; nya ɖeka sia pɛ koe gale asinye, nenye be ame dzɔdzɔe ewo pɛ ko nàkpɔ ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema le ame ewo mawo ta la, nyematsrɔ̃ du la o.”" data/train/GEN/GEN_023_Verse_014.mp3,"Esime wòtsi tsitre ɖe srɔ̃a kukua gbɔ la, egblɔ na Hititɔwo be," data/train/GEN/GEN_040_Verse_018.mp3,Tete wògatsɔ ahakulawo ƒe amegã ƒe dɔ nɛ; data/train/GEN/GEN_025_Verse_026.mp3,"Via ŋutsuwo, Isak kple Ismael, ɖii ɖe kpeto la me le Makpela si te ɖe Mamre ŋu, le Hititɔ Efron, Zoha ƒe vi ƒe anyigba dzi." data/train/GEN/GEN_021_Verse_021.mp3,"Ke esi Sara kpɔ Ismael, Abraham kple Egipte nyɔnu, Hagar ƒe vi wònɔ Isak kom la," data/train/GEN/GEN_009_Verse_016.mp3,"Mawu nekeke Yafet ƒe anyigba ɖe edzi. Yafet nanɔ Sem ƒe agbadɔwo me, eye Kanaan nanye eƒe kluvi.”" data/train/GEN/GEN_035_Verse_024.mp3,"Via dzidzi sesẽ na Rahel. Mlɔeba la, vixela la do ɣli be, “Mègabu mɔkpɔkpɔ o, elabena esia hã ganye ŋutsuvi!”" data/train/GEN/GEN_027_Verse_037.mp3,"Rebeka yi edzi gblɔ be, “Vinye, ɖo tom, eye nàwɔ nu si magblɔ na wò la tututu." data/train/GEN/GEN_008_Verse_003.mp3,"elabena tsi si ŋɔ tso tome la nu tso, eye tsidzadza la ke." data/train/GEN/GEN_043_Verse_027.mp3,"Nenye ɖe nèɖe asi le eŋu nam la, anye ne míede gbɔ xoxo.”" data/train/GEN/GEN_027_Verse_015.mp3,"Eya hã ɖa nu si fofoa lɔ̃a ɖuɖu la, eye wòtsɔe yi nɛ. Esau gblɔ be, “Fofonye, metsɔ nuɖuɖu la vɛ na wò. Fɔ nàɖu nua, eye nàyram!”" data/train/GEN/GEN_050_Verse_010.mp3,"Enɔ agbe, kpɔ via Efraim ƒe viwo kple Makir, Manase ƒe vi ƒe viwo, ame siwo fena le Yosef ƒe afɔ nu." data/train/GEN/GEN_039_Verse_022.mp3,"Yosef gbe hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ ka ɖe dzinye, eye wòtsɔm ɖo eƒe aƒemenuwo katã nu." data/train/GEN/GEN_050_Verse_004.mp3,"Ale Yosef ku esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. Wosi atike na eƒe kukua, eye wodee aɖaka me le Egipte." data/train/GEN/GEN_032_Verse_007.mp3,"Esi wògadze mɔ ko la, ɣe dze. Le eƒe aligoƒu si gli ta la, ede asi tɔtɔ me." data/train/GEN/GEN_027_Verse_007.mp3,"Enumake Isak gblɔ be, “Vinye, aleke nèwɔ hafi wò asi ka lã kaba ale?” Yakob ɖo eŋu be, “Yehowa, wò Mawu lae kpe ɖe ŋunye.”" data/train/GEN/GEN_027_Verse_024.mp3,"Isak ɖo eŋu gblɔ be, “Mewɔe wòzu aƒetɔ ɖe dziwò, metsɔ nɔviawo katã wɔ eƒe dɔlawoe, eye metsɔ bli kple wain hã nɛ. Nu kae gali matsɔ ana wò.”" data/train/GEN/GEN_025_Verse_011.mp3,"eye Yakob tsɔ abolo, ayi kple dedetsi na Esau wòɖu, no tsi ɖe edzi, eye wòyi eƒe wɔnawo dzi. Ke Esau metsɔ ɖeke le eme be yeɖe asi le yeƒe ŋgɔgbevinyenye ŋuti nenema o." data/train/GEN/GEN_041_Verse_057.mp3,"Ɣe aɖe ɣi va yi esi nèdo dɔmedzoe ɖe mí ame eve ŋu, eye nède nye kple aboloƒola gaxɔ me le ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã ƒe mɔ me la," data/train/GEN/GEN_030_Verse_025.mp3,"Laban gabiae be, “Nu ka mana wò?” Yakob ɖo eŋu nɛ be, “Mègana nanekem o. Ke ne àwɔ nu ɖeka sia nam la, mayi wò lãwo dzi kpɔkpɔ dzi." data/train/GEN/GEN_008_Verse_020.mp3,"Zi ale si anyigba aganɔ anyi ko la, nuƒãɣi kple nuŋeɣi, vuvɔŋɔli kple fifiawɔɣi, pepime kple dzomeŋɔli, ŋkeke kple zã aganɔ anyi kokoko.”" data/train/GEN/GEN_033_Verse_004.mp3,"Esau bia be, “Lãha kawoe nye esiwo kpɔm mele?” Yakob ɖo eŋu be, “Woawoe nye nye nunanawo na wò nye aƒetɔ be nàve nunye.”" data/train/GEN/GEN_042_Verse_031.mp3,"Wogblɔ be, “Kpao! Amegã, nuɖuɖu ƒle ge ko míeva;" data/train/GEN/GEN_010_Verse_022.mp3,"Sem, ame si nye Yafet nɔvi tsitsitɔ ƒe vie nye Eber." data/train/GEN/GEN_002_Verse_004.mp3,"Alɔdze gbãtɔ ŋkɔe nye Pison. Etsa to Havilanyigba blibo la dzi, afi si sika le." data/train/GEN/GEN_006_Verse_019.mp3,"Tsɔ dzati kpa aɖakaʋu, eye nàsi aŋɔ nɛ. Wɔ yaxɔƒewo ɖe eŋu kpe ɖo, eye nàwɔ nudzraɖoƒewo ɖe eme ƒe afi sia afi." data/train/GEN/GEN_009_Verse_025.mp3,"Noa ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwoe nye Sem, Ham kple Yafet. (Ham nye Kanaantɔwo fofo.)" data/train/GEN/GEN_017_Verse_019.mp3,"Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi na wò! Ɛ̃, makɔ yayra geɖe ɖe edzi, eye mana wòazu dukɔ geɖewo dada! Fia geɖewo anɔ miaƒe dzidzimeviwo dome.”" data/train/GEN/GEN_005_Verse_027.mp3,Metusela xɔ ƒe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-adre (187) hafi dzi Via ŋutsuvi Lamek. data/train/GEN/GEN_010_Verse_013.mp3,"Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het." data/train/GEN/GEN_029_Verse_001.mp3,"Ale Lea fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Ruben si gɔmee nye “Yehowa kpɔ nye xaxa,” elabena egblɔ be, “Yehowa kpɔ nye xaxa; azɔ la, srɔ̃nye alɔ̃m.”" data/train/GEN/GEN_021_Verse_004.mp3,Abraham xɔ ƒe alafa ɖeka esi wodzi Isak nɛ. data/train/GEN/GEN_035_Verse_005.mp3,"Esi wònɔ afi ma la, Ruben dɔ kple fofoa ƒe kosi, Bilha, eye ame aɖe fi tofi na Israel. Yakob ƒe viŋutsu wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:" data/train/GEN/GEN_016_Verse_004.mp3,"Ale Sarai gblɔ na Abram be, “Yehowa te vim. Yi nàdɔ nye kosi gbɔ, ɖewohĩ mado ƒome to edzi.” Abram lɔ̃ ɖe nya si Sarai gblɔ la dzi." data/train/GEN/GEN_036_Verse_023.mp3,"Esi Baal Hanan, Akbor ƒe viŋutsu la hã ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe, eye eƒe fiadue nye Pau. Srɔ̃a ŋkɔe nye Mehetabel, Matred ƒe vinyɔnu kple Mezahab ƒe mamayɔvi." data/train/GEN/GEN_009_Verse_007.mp3,"Esime Noa ƒe ŋkume kɔ, eye wòse nu si Via ŋutsu suetɔ wɔ ɖe eŋu la," data/train/GEN/GEN_043_Verse_028.mp3,"Nɔviawo nɔ klalo be yewoatsɔ nunanawo ana Yosef ne eva le ŋdɔ me, elabena wogblɔ na wo be wole nu ɖu ge le afi ma." data/train/GEN/GEN_044_Verse_012.mp3,"Esi wògblɔ na mí be, ‘Migayi miaƒle nuɖuɖu vɛ’ la," data/train/GEN/GEN_027_Verse_004.mp3,"Dukɔ geɖewo nazu kluviwo na wò. Àzu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo dzi. Wò ƒometɔwo katã nade ta agu na wò. Woaƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi de wò la, ke woayra ame sia ame si ayra wò la.”" data/train/GEN/GEN_018_Verse_007.mp3,"Egblɔ be, “Ne miave nunye la, nye aƒetɔ, ekema migato miaƒe dɔla ŋu yi o." data/train/GEN/GEN_041_Verse_050.mp3,"Tete fia ƒe ahakula gblɔ na Farao be, “Egbe la, meɖo ŋku nye nu vɔ̃ dzi." data/train/GEN/GEN_022_Verse_023.mp3,"Uz nye via gbãtɔ, Buz dzɔ ɖe Uz yome, kplɔɖoae nye Kemuel (ame si nye Aram fofo)." data/train/GEN/GEN_005_Verse_006.mp3,"Enɔk xɔ ƒe alafa etɔ̃ blaade-vɔ-atɔ̃ (365)," data/train/GEN/GEN_040_Verse_017.mp3,"Ne ègatrɔ yi wò dɔ me, eye mi kple Farao dome gava nyo la, meɖe kuku na wò be nàve nunye, aɖo ŋku dzinye na Farao be wòaɖem le gaxɔ me," data/train/GEN/GEN_011_Verse_002.mp3,"egblɔ be, “Ne woate ŋu awɔ nu siawo katã fifia, esi wònye azɔ koe wodze sii be gbe ɖeka gblɔm yewole, eye dukɔ ɖeka yewonye la, mibu nu si woava wɔ emegbe la ŋu kpɔ! Naneke meli si woado kpo wɔwɔ o." data/train/GEN/GEN_038_Verse_015.mp3,"Ke Onan medi be yeadzi vi si womabu abe ye ŋutɔ tɔ ene o, eya ta togbɔ be eɖe Tamar hã la, ɣe sia ɣi si wòadɔ Tamar gbɔ la, enana eƒe ŋutsutsi la duduna ɖe aba la dzi, ale be Tamar mafɔ fu adzi vi si anye nɔvia kukua tɔ o." data/train/GEN/GEN_016_Verse_006.mp3,elabena mana dukɔ gã aɖe nado tso mewò. data/train/GEN/GEN_015_Verse_011.mp3,"Ke Abram biae be, “O, Aƒetɔ Yehowa, aleke mawɔ aka ɖe edzi be àtsɔe nam?”" data/train/GEN/GEN_015_Verse_001.mp3,"Abram xɔ Yehowa dzi se, eye Yehowa bui dzɔdzɔenyenye nɛ." data/train/GEN/GEN_038_Verse_007.mp3,"Esi wònɔ ɖeviawo dzim la, vixela la sa ka dzĩ aɖe ɖe ɖevi si do gbɔna gbã la ƒe alɔnu," data/train/GEN/GEN_030_Verse_028.mp3,"Lãtsuawo yɔa asi le atilɔawo gbɔ, eye lãnɔawo dzia vi siwo le ŋɔtaŋɔta alo esiwo ŋu fli le la." data/train/GEN/GEN_041_Verse_020.mp3,"“Eteƒe medidi kura hafi megaku drɔ̃e bubu o. Azɔ ya la, bli adre nɔ bliti ɖeka dzi; bliawo katã ʋã nyuie." data/train/GEN/GEN_015_Verse_016.mp3,"Le ŋutega me la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Medi be nànyae kɔtɛe be, woate wò dzidzimeviwo ɖe to abe amedzroviwo ene eye woasubɔ ame mawo le dzronyigba dzi ƒe alafa ene sɔŋ." data/train/GEN/GEN_029_Verse_030.mp3,"Yakob gabia wo be, “Nu ka ta miana tsi alẽawo ale be woate ŋu agatrɔ ayi gbeɖuƒe o ɖo? Elabena zã medo haɖe o; ne mieƒo ƒu wo ɖe afi sia fifia la, dɔ awu wo.”" data/train/GEN/GEN_012_Verse_005.mp3,"Ekplɔ srɔ̃a, Sarai kple eƒe tɔgãyɔvi Lot ɖe asi, eye wòtsɔ kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Haran, nyiwo kple kluviwo siaa dzoe heyi Kanaan." data/train/GEN/GEN_029_Verse_027.mp3,"Vinyɔnu eve nɔ Laban si. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Lea, eye ɖevitɔ ŋkɔe nye Rahel." data/train/GEN/GEN_039_Verse_012.mp3,"Gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã megatsia dzi ɖe naneke ŋuti o, elabena Yosef kpɔa nu sia nu dzi nyuie. Yehowa nɔ kplii, eye nu sia nu dze edzi nɛ nyuie." data/train/GEN/GEN_042_Verse_016.mp3,"Ke Yakob ɖo eŋu be, “Vinye Benyamin mayi kpli mi o, elabena nɔvia Yosef ku, eye Benyamin koe nye dadaa ƒe vi si susɔ. Ne nane wɔe la, ku ko maku.”" data/train/GEN/GEN_033_Verse_002.mp3,"Emegbe Lea kple etɔwo va, eye woawo hã de ta agu nɛ. Azɔ Rahel kple Yosef va, eye woawo hã de ta agu nɛ." data/train/GEN/GEN_047_Verse_007.mp3,"Azɔ ga vɔ keŋkeŋ le ameawo si, gake wogava Yosef gbɔ kple kukuɖeɖe be wòagana nuɖuɖu yewo. Wogblɔ nɛ be, “Míaƒe ga vɔ keŋkeŋ, gake na nuɖuɖu mí, elabena mele be míaku o.”" data/train/GEN/GEN_007_Verse_017.mp3,"Nu gbagbe siwo katã nɔ anyigba dzi, xeviwo, aƒemelãwo, gbemelãwo, nu gbagbe siwo katã tana kple amegbetɔƒome blibo la katã tsrɔ̃." data/train/GEN/GEN_029_Verse_022.mp3,"Lea gafɔ fu, gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Yuda si gɔmee nye “Kafukafu,” elabena egblɔ be, “Azɔ makafu Yehowa!” Emegbe la, Lea megadzi vi bubu aɖeke o." data/train/GEN/GEN_030_Verse_029.mp3,"Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Lea ƒe kosi Zilpa dzi ŋutsuvi na Yakob." data/train/GEN/GEN_041_Verse_000.mp3,"ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ate ŋu akplɔ mí to ƒe adre siwo dɔwuame anɔ anyi le Egipte la me. Ne menye nenema o la, tsɔtsrɔ̃ ava anyigba la dzi.”" data/train/GEN/GEN_018_Verse_028.mp3,"Wobiae be, “Afi ka srɔ̃wò, Sara le?” Abraham ɖo eŋu be, “Ele agbadɔ me.”" data/train/GEN/GEN_007_Verse_010.mp3,"Lã ɖuɖua kple lã maɖumaɖua ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, xeviwo eveve kple lã siwo katã tana la," data/train/GEN/GEN_018_Verse_001.mp3,"Abraham gblɔ be, “Meɖe kuku, mègana dzi naku wò o; ɖe mɔ nam maƒo nu. Nenye ame blaetɔ̃ koe nàkpɔ le afi ma ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaetɔ̃ pɛ ko la, nyematsrɔ̃ du la o.”" data/train/GEN/GEN_037_Verse_015.mp3,"Ke esi wògbɔna la, wodze sii tso adzɔge ke, eye woɖo be yewoawui!" data/train/GEN/GEN_023_Verse_010.mp3,"Efrɔn nɔ ameawo dome. Eƒo nu, ɖo Abraham ƒe nya la ŋu le Hititɔwo katã ŋkume. Egblɔ na Abraham be," data/train/GEN/GEN_022_Verse_016.mp3,"Le ɣe ma ɣi me tututu la, Yehowa ƒe dɔla aɖe do ɣli tso dziƒo be, “Abraham, Abraham!” Abraham tɔ be, “Nyee nye esi.”" data/train/GEN/GEN_020_Verse_010.mp3,"Fia Abimelek fɔ ŋdi kanya, yɔ eŋume veviwo katã ƒo ƒui, eye wòka nya la ta na wo. Vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le ƒuƒoƒea." data/train/GEN/GEN_041_Verse_010.mp3,“Dɔwuame la nu asesẽ ale gbegbe be ame aɖeke magaɖo ŋku edzi be nuɖuɖu bɔ kpɔ o. data/train/GEN/GEN_024_Verse_009.mp3,"Aƒedzikpɔla la biae be, “Ke ne nyemate ŋu kpɔ ɖetugbi aɖeke si alɔ̃ be yeava teƒe didi sia o ɖe, ekema ɖe makplɔ Isak ayi afi ma boŋ, ale be wòanɔ ƒowòmetɔwo domea?”" data/train/GEN/GEN_019_Verse_022.mp3,"Le fɔŋli la, mawudɔlawo gblɔ na Lot be, “Netsɔ na wò, nàkplɔ srɔ̃wò kple viwò nyɔnuvi eve siwo le afi sia la, eye miasi adzo, ne menye nenema o la, miatsrɔ̃ le du sia tsɔtsrɔ̃ me.”" data/train/GEN/GEN_023_Verse_020.mp3,"“Ɖo tom, nye aƒetɔ; anyigba la ƒe asie nye klosalo kilogram atɔ̃. Ke nu kae nye ga home ma le nye kple wò dome? Ɖi wò ame kuku.”" data/train/GEN/GEN_014_Verse_009.mp3,"Fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Seboyim kple Bela la na woƒe aʋakɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sidom balime si nye (Dzeƒu la ƒe balime.)" data/train/GEN/GEN_008_Verse_001.mp3,"Azɔ la, ahɔnɛ la trɔ gbɔ le fiẽ me, eye wòlé amitiŋgba ɖe nu. Ale Noa dze sii be esusɔ vie tsi la namie keŋkeŋ." data/train/GEN/GEN_025_Verse_029.mp3,"Yakob xɔ edzi gblɔ be, “Enyo, ekema ka atam na Mawu be ŋgɔgbevinyenye la zu tɔnye.” Esau ka atam, eye wòto esia me dzra eƒe ŋgɔgbevinyenye la na nɔvia suetɔ," data/train/GEN/GEN_005_Verse_024.mp3,Mahalalel xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Via ŋutsuvi Yared. data/train/GEN/GEN_019_Verse_012.mp3,"eye woɖe gbe na Lot be, “Kplɔ ŋutsu mawo vɛ na mí be míadɔ kpli wo.”" data/train/GEN/GEN_032_Verse_012.mp3,"Fifia nyiwo, tedziwo, alẽwo kple subɔla geɖewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le asinye. Mele ame siawo ɖom ɖa be woana nyanya wò nye aƒetɔ be megbɔna, eye mele mɔ kpɔm be àxɔ mí nɔvitɔe.’ ”" data/train/GEN/GEN_022_Verse_010.mp3,"eye woanye yayra na dukɔwo katã le anyigba dzi. Esiawo katã ava eme, elabena èɖo tom.”" data/train/GEN/GEN_033_Verse_009.mp3,"Esau ƒu du yi ɖakpee, kpla asi kɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe, eye wògbugbɔ nu nɛ. Wo ame eveawo fa avi hehehe!" data/train/GEN/GEN_030_Verse_038.mp3,"Rahel na ŋkɔe be Naftali si gɔmee nye “Hoʋiʋli,” elabena egblɔ be, “Mele ho ʋlim sesĩe kple nɔvinye, eye mele dzi ɖum!”" data/train/GEN/GEN_036_Verse_041.mp3,"Timna si nye Elifaz, Esau ƒe viŋutsu ƒe ahiãvi la dzi Amalek. Ame siawoe nye Ada, Esau srɔ̃ ƒe viwo." data/train/GEN/GEN_047_Verse_013.mp3,"Esi ƒe trɔ la, wogayi Yosef gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nya aɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo zu tɔwò; míaƒe nu siwo susɔ la koe nye míaƒe ŋutilãwo kple míaƒe agblenyigbawo." data/train/GEN/GEN_034_Verse_019.mp3,Nya sia trɔ na Hamor kple Via ŋutsu Sekem. data/train/GEN/GEN_036_Verse_029.mp3,"Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moabnyigba dzi la ɖu fia le Husam ƒe ku megbe. Eƒe fiadue nye Avit." data/train/GEN/GEN_030_Verse_036.mp3,"Rahel gblɔ nɛ be, “Metsɔ nye subɔla Bilha na wò, dɔ egbɔ ne wòadzi vi, eye viawo nazu vinyewo.”" data/train/GEN/GEN_029_Verse_014.mp3,"Ke esi ŋu ke la, Yakob kpɔ be Lea boŋ wona yeɖe! Yakob do dɔmedzoe, eye wòbia Laban be, “Amefuflu ka tɔgbie nye esia? Mesubɔ ƒe adre ɖe Rahel ta! Nu sia gɔme ɖe?”" data/train/GEN/GEN_050_Verse_015.mp3,"Ke esi wo fofo ku azɔ la, Yosef nɔviwo de asi vɔvɔ̃ me. Wogblɔ be, “Azɔ la, Yosef aɖo nu vɔ̃ si míewɔ ɖe eŋu la teƒe na mí.”" data/train/GEN/GEN_035_Verse_001.mp3,"Ale wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple togɛwo katã na Yakob, eye wòɖi wo ɖe ati gã aɖe te le Sekem." data/train/GEN/GEN_041_Verse_015.mp3,"Ena ŋkɔ Via ŋutsu evelia be Efraim si gɔmee nye “Kutsetse,” elabena egblɔ be, “Mawu na metse ku le teƒe sia, afi si menye kluvi le.”" data/train/GEN/GEN_004_Verse_014.mp3,"Kain srɔ̃ fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Enɔk. Esia ta esi Kain tso du aɖe la, etsɔ via ƒe ŋkɔ nɛ be Enɔk." data/train/GEN/GEN_041_Verse_002.mp3,"Ale Farao lĩ drɔ̃e la nɛ be, “Metsi tsitre ɖe Nil tɔsisi la to;" data/train/GEN/GEN_004_Verse_024.mp3,"Yehowa bia Kain be, “Nu ka ta nèdo dɔmedzoe vevie, eye nèyɔ mo ɖo?" data/train/GEN/GEN_026_Verse_013.mp3,"Ezu kesinɔtɔ gã aɖe, eye eƒe kesinɔnuwo ganɔ dzidzim ɖe edzi ko." data/train/GEN/GEN_032_Verse_032.mp3,"Ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Womagayɔ wò azɔ nenema o! Woayɔ wò azɔ be Israel, ame si te kame kple Mawu. Esi nète kame kple Mawu ta la, àɖu amewo dzi.”" data/train/GEN/GEN_005_Verse_014.mp3,"eye esi wògazɔ kple Mawu kplikplikpli ta la, ebu vĩi, elabena Mawu kɔe dzoe." data/train/GEN/GEN_025_Verse_014.mp3,"Isak xɔ ƒe blaene esi wòɖe Rebeka, ame si nye Betuel, Arameatɔ tso Padan Aram, Laban nɔvinyɔnu ƒe vi." data/train/GEN/GEN_037_Verse_028.mp3,"Wonɔ anyi, ɖu nu; kasia wokpɔ kposɔ aɖewo le didiƒe gbɔna wo gbɔ. Wonye Ismaeletɔ asitsala siwo tso Gilead la, eye wotsɔ aŋe, lifi kple kotoklobo yina ɖe Egipte." data/train/GEN/GEN_043_Verse_024.mp3,"Mitsɔ ga teƒe eve ɖe asi, ale be miate ŋu axe ga si wogbugbɔ de miaƒe kotokuwo me la, elabena ɖewohĩ ame aɖe ƒe vodadae," data/train/GEN/GEN_036_Verse_022.mp3,"Esau ɖe Kanaan nyɔnu etɔ̃: Ada, Hititɔ Elon ƒe vi, Oholibama, Ana ƒe vi kple Hivitɔ Zibeon ƒe tɔgbuiyɔvi kpakple" data/train/GEN/GEN_031_Verse_023.mp3,"Laban gblɔ be, “Kpoƒuƒu sia nye ɖasefo le nye kpli wò dome egbea.” Eya ta woyɔe be Galed." data/train/GEN/GEN_008_Verse_021.mp3,"Ŋkeke blaeve-vɔ-asiekɛ va yi. Noa ʋu aɖakaʋu la, eye wòkpɔ be tsi la mie keŋkeŋ azɔ." data/train/GEN/GEN_026_Verse_034.mp3,"Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma gblɔ nɛ be, “Mègayi Egipte o." data/train/GEN/GEN_018_Verse_003.mp3,"Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, “Netsɔ! Tɔ tatalĩ! Kɔ wò wɔ nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!”" data/train/GEN/GEN_047_Verse_016.mp3,"Farao bia wo be, “Dɔ ka miewɔna?” Woɖo eŋu be, “Míenye alẽkplɔlawo abe mía tɔgbuiwo kple mía fofowo ene." data/train/GEN/GEN_003_Verse_021.mp3,"Yehowa Mawu gblɔ be, “Esi ame la zu abe míawo ene, eye wònya nyui kple vɔ̃ la, nya kae adzɔ ne aɖu agbeti la, eye wòanɔ agbe tegbetegbe?”" data/train/GEN/GEN_043_Verse_012.mp3,"Esi Yosef va la, wotsɔ nunanawo nɛ, eye wode ta agu nɛ." data/train/GEN/GEN_007_Verse_014.mp3,"Mlɔeba la, tsi la ɖɔ kɔkɔ gbɔ to kɔkɔwo katã ŋu le lilikpo la te," data/train/GEN/GEN_046_Verse_010.mp3,"Eya ta ne Farao yɔ mi, eye wòbia be dɔ ka miewɔna hã la," data/train/GEN/GEN_034_Verse_017.mp3,"Nu si míawɔ lae nye be ne miaƒe ŋutsuwo dometɔ ɖe sia ɖe atso aʋa la," data/train/GEN/GEN_030_Verse_032.mp3,"Mawu se Lea ƒe gbedodoɖa, eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi atɔ̃lia nɛ." data/train/GEN/GEN_004_Verse_005.mp3,"Emegbe la, Adam kple srɔ̃a nɔ anyi eye Eva gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Set si gɔmee nye “Teƒeɖoɖo,” elabena Eva gblɔ be, “Mawu tsɔ ŋutsuvi bubu ɖo Abel, ame si Kain wu la teƒe nam.”" data/train/GEN/GEN_041_Verse_049.mp3,"Tete Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ de na Yosef; edo aklala biɖibiɖi ƒe awu nɛ, eye wòde sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ." data/train/GEN/GEN_001_Verse_023.mp3,"Mawu yra wo gblɔ be, “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ atsiaƒuwo me, eye miana xeviwo nasɔ gbɔ le anyigba dzi.”" data/train/GEN/GEN_037_Verse_017.mp3,"Míeyi ɖanɔ mɔlu blam le gbedzi; tete nye mɔlu babla tsi tsitre, eye mia tɔwo katã va ƒo xlãe, eye wode ta agu nɛ.”" data/train/GEN/GEN_043_Verse_023.mp3,"Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàna Benyamin nayi kpli mí hafi.’ ”" data/train/GEN/GEN_027_Verse_006.mp3,"Emegbe la, Rebeka gblɔ na Isak be, “Hiti ɖetugbiwo ƒe nya tim. Malɔ̃ be maku tsɔ wu be makpɔ Yakob wòaɖe wo dometɔ ɖeka.”" data/train/GEN/GEN_003_Verse_006.mp3,"Da nye lã si dze aye wu lã bubu siwo katã Yehowa Mawu wɔ la. Da va nyɔnu la gbɔ, eye wòbiae be, “Ɖe wònye nyateƒe be Mawu de se na mi be migaɖu ati siwo katã le abɔa me la dometɔ aɖeke ƒe tsetsea oa?”" data/train/GEN/GEN_003_Verse_016.mp3,"Mawu nya nyuie be ne mieɖui ko la, miazu abe ye ene, elabena miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianya nyui kple vɔ̃.”" data/train/GEN/GEN_027_Verse_013.mp3,"Etsɔ gbɔ̃awo ƒe agbalẽwo wɔ asiwuiwo, eye wòtsɔ gbɔ̃gbalẽ la ƒe ɖe wɔ kawo tsi ɖe asiwuiawo ŋu heku kɔ na Yakob." data/train/GEN/GEN_020_Verse_012.mp3,"Fia Abimelek tsɔ alẽwo, nyiwo kple dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo na Abraham, eye wògbugbɔ srɔ̃a, Sara, nɛ." data/train/GEN/GEN_045_Verse_002.mp3,"Ànɔ Gosen ƒe anyigba dzi, ale be wò kple viwòwo katã, wò tɔgbuiyɔviwo, wò lãwo kple nu siwo katã le asiwò la, miate ɖe ŋunye." data/train/GEN/GEN_018_Verse_014.mp3,"Kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ gbɔna egbɔ. Etsi tsitre enumake, ƒu du yi ɖakpe wo, eye wòdo dzaa na wo." data/train/GEN/GEN_047_Verse_019.mp3,"Israel ƒoe ɖe enu be, “Ka atam nam be yeawɔe.” Yosef ka atam la. Tete Israel gamlɔ eƒe aba dzi." data/train/GEN/GEN_035_Verse_020.mp3,"Mlɔeba la, Yakob va ɖo fofoa, Isak gbɔ le Mamre le Kiriat Arba (teƒe si wogayɔna be Hebron), afi si Abraham hã nɔ." data/train/GEN/GEN_038_Verse_029.mp3,"Yuda kpɔe esime wòva yina, eye wòbu be gboloe le eƒe motsyɔvɔ la ta." data/train/GEN/GEN_027_Verse_005.mp3,"Emegbe Isak gblɔ be, “Vinye, te ɖe ŋunye, eye nàgbugbɔ nu nam!”" data/train/GEN/GEN_044_Verse_005.mp3,"“Aƒetɔ, èbia mí be mía fofo alo mía nɔvi aɖe li mahã," data/train/GEN/GEN_040_Verse_005.mp3,"eye alɔ etɔ̃ nɔ wainka la ŋu. Esi wode asi dzedze kple seƒoƒo me ko la, woƒe tsetsewo de asi ɖiɖi me." data/train/GEN/GEN_020_Verse_002.mp3,"Abraham gblɔ nam be, ‘Nɔvinye nyɔnue,’ eye nyɔnu la hã gblɔ nam be, ‘Ɛ̃, nɔvinye ŋutsue.’ Nyemedi kura be mawɔ nu vɔ̃ o.”" data/train/GEN/GEN_025_Verse_015.mp3,"Isak ɖe kuku na Yehowa be wòana vi ye kple Rebeka, elabena le ƒe geɖewo ƒe srɔ̃gbenɔnɔ me la, womedzi vi o. Mlɔeba la, Rebeka va fɔ fu." data/train/GEN/GEN_045_Verse_003.mp3,"Egblɔ na nɔviawo be, “Nyee nye Yosef! Fofonye gale agbea?” Ke nɔviawo lulũ ale gbegbe be womete ŋu ke nu o." data/train/GEN/GEN_030_Verse_039.mp3,"Tete Mawu ɖo ŋku Rahel dzi le eƒe xaxa me, eye wòse eƒe gbedodoɖa heʋu eƒe vidzidɔ nu." data/train/GEN/GEN_016_Verse_007.mp3,"Emegbe la, wona ŋkɔ vudo ma be Beer Lahai Roi si gɔmee nye, “Ame si le agbe, eye wòkpɔm la ƒe vudo.” Ele Kades kple Bered dome." data/train/GEN/GEN_002_Verse_023.mp3,"Yehowa Mawu gblɔ be, “Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ.”" data/train/GEN/GEN_041_Verse_023.mp3,"Eye amewo tso dukɔwo katã me va Egipte be yewoaƒle bli le Yosef gbɔ, elabena dɔwuame la nu sesẽ le xexea me katã." data/train/GEN/GEN_031_Verse_034.mp3,"“Mewɔ dɔ na wò, ŋdɔkutsu ɖum le ŋkeke me, eye vuvɔ wɔm le zã me, eye nyemedɔa alɔ̃ o." data/train/GEN/GEN_008_Verse_011.mp3,"Le ŋkeke blaene bubu megbe la, Noa ʋu aɖakaʋu la ƒe fesre ɖeka," data/train/GEN/GEN_032_Verse_008.mp3,"Esi Yakob kpɔ wo la, edo ɣli be, “Mawu ƒe asaɖae nye esia!” Eya ta ena ŋkɔ teƒea be Mahanaim." data/train/GEN/GEN_027_Verse_027.mp3,"Ke Yakob gblɔ na dadaa be, “Enyo pɛ, gake fonye Esau to fu ɖe ŋuti, ke nye la, nye ŋutigbalẽ zrɔ̃." data/train/GEN/GEN_030_Verse_024.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, ne ekpɔ be lã sesẽwo le asi yɔm la, etsɔa atilɔ siwo wòŋlɔ la dana ɖe tsinoƒea be woafɔ fu ɖe ati ŋɔŋlɔawo ŋu." data/train/GEN/GEN_009_Verse_028.mp3,"Ɛ̃, midzi ne miasɔ gbɔ fũu, mikpe xexe blibo la me ɖo, eye miaɖu edzi.”" data/train/GEN/GEN_017_Verse_011.mp3,"Kanaanyigba blibo la, afi si nèle fifia abe amedzro ene la, matsɔe na wò wòanye tɔwò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbetegbe, eye manye woƒe Mawu.”" data/train/GEN/GEN_041_Verse_016.mp3,"Enumake bli bubu adre gado ɖe bliti la dzi, ke esiawo ya meʋã kura o, eye ɣedzeƒeya na woyrɔ." data/train/GEN/GEN_031_Verse_001.mp3,Ale Mawu na mezu hotsuitɔ to mia fofo ƒe lãha si wòxɔ tsɔ nam ta. data/train/GEN/GEN_026_Verse_003.mp3,"Ale Isak ɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo, woɖu nu, no nu abe dzadzraɖo na nubabla la ƒe wɔnawo ene." data/train/GEN/GEN_027_Verse_038.mp3,"Rebeka yɔ via Yakob, eye wògblɔ nɛ be, “Mese fofowò gblɔ na nɔviwò be," data/train/GEN/GEN_023_Verse_003.mp3,Abraham tɔ le Hititɔ siwo va du la ƒe agbo nu la katã ƒe ŋkume. data/train/GEN/GEN_010_Verse_000.mp3,"Ame siawoe nye Ham ƒe dzidzimeviwo. Wonɔ anyigba geɖewo dzi, eye wonye dukɔ geɖewo. Gbegbɔgblɔ vovovowo nɔ wo si." data/train/GEN/GEN_043_Verse_031.mp3,"Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele agbe, eye eli nyuie hã.” Wogade ta agu nɛ abe tsã ene." data/train/GEN/GEN_044_Verse_002.mp3,Aleke mate ŋu atrɔ ayi fofonye gbɔ esime nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o? Nyemate ŋu akpɔ nu si nu sia awɔe la teƒe o.” data/train/GEN/GEN_014_Verse_005.mp3,"Esi Abram trɔ gbɔna tso aʋa si wòho ɖe Kedolaoma kple fia bubuawo ŋu le Save balime (si wogayɔna be Fia ƒe Balime) la, Sodom fia va kpee," data/train/GEN/GEN_034_Verse_000.mp3,"Ale Hamor kple Sekem wɔ takpekpe kple dua me ŋutsuwo katã le dua ƒe agbo nu, eye wòtsɔ nya la ɖo wo ŋkume." data/train/GEN/GEN_047_Verse_018.mp3,"Farao gblɔ na Yosef be, “Fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo va gbɔwò," data/train/GEN/GEN_024_Verse_066.mp3,"Ɛ̃, nuɖuɖu le mía si sɔ gbɔ na kposɔawo, eye amedzrodzeƒe hã li.”" data/train/GEN/GEN_040_Verse_004.mp3,"Esi ŋu ke la, Yosef kpɔ be wolé blanui." data/train/GEN/GEN_024_Verse_056.mp3,"Rebeka kpɔe ɖa, eye wòɖi enumake le kposɔ la dzi." data/train/GEN/GEN_031_Verse_032.mp3,"Mawudɔla aɖe yɔm le drɔ̃ea me be, ‘Yakob,’ eye metɔ be, ‘Nyee nye esi.’" data/train/GEN/GEN_021_Verse_002.mp3,"Abraham na ŋkɔ ɖevi si Sara dzi nɛ la be, Isak si gɔmee nye, “Nukoko.”" data/train/GEN/GEN_025_Verse_012.mp3,"Gbe ɖeka la, Yakob nɔ detsi ƒom esime Esau gbɔ tso adegbe." data/train/GEN/GEN_039_Verse_005.mp3,"Esi Potifar srɔ̃ kpɔ be eƒe awu tsi ye si, eye wòsi dzo la," data/train/GEN/GEN_044_Verse_011.mp3,"Esi nɔviawo ƒe dzodzoɣi ɖo la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be wòade bli woƒe kotokuwo katã me, ɖe sia ɖe nayɔ abe ale si wòate ŋu atsɔ ene, eye wòatsɔ ga si ame sia ame xe ɖe blia ta la ade eƒe kotoku me!" data/train/GEN/GEN_034_Verse_009.mp3,"Ke hafi esia nate ŋu ava eme la, nu ɖeka koe wobia; eyae nye be míaƒe ŋutsu ɖe sia ɖe natso aʋa abe woawo ene." data/train/GEN/GEN_026_Verse_004.mp3,"Ale Isak ʋu yi Gerar ƒe balime, eye wònɔ afi ma koŋ." data/train/GEN/GEN_008_Verse_007.mp3,"Ke ahɔnɛ la mekpɔ anyigba ƒuƒui aɖeke, afi si wòadze ɖo o, ale wòtrɔ gbɔ, elabena tsi ganɔ anyigba dzi ko. Ale Noa do asi ɖa, eye wòlé ahɔnɛ la gade aɖakaʋu la me." data/train/GEN/GEN_004_Verse_015.mp3,"Kain ɖo eŋu na Yehowa be, “Nye tohehe kpe wu tsɔtsɔ nam," data/train/GEN/GEN_015_Verse_009.mp3,"Eɖo eŋu nɛ gblɔ be, “Tsɔ nyinɔ si xɔ ƒe etɔ̃, gbɔ̃nɔ si xɔ ƒe etɔ̃, agbo si xɔ ƒe etɔ̃, akpakpa kple ahɔnɛ siwo metsi o la vɛ.”" data/train/GEN/GEN_002_Verse_002.mp3,Alɔdze etɔ̃lia ŋkɔe nye Tigris. Etsa to Asiria ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Alɔdze eneliae nye Frat tɔsisi la. data/train/GEN/GEN_037_Verse_005.mp3,"Egblɔ be, “Miɖo to miase nye drɔ̃e la ɖa." data/train/GEN/GEN_042_Verse_011.mp3,"Etee ɖe wo dzi be, “Ɛ̃, ŋkutsalawoe mienye. Mieva be yewoakpɔ ale si nu te mía ŋui la ɖa.”" data/train/GEN/GEN_036_Verse_036.mp3,"Magdiel kple Iram. Esiawoe nye Edom fiawo le ɖoɖo si me wonɔ le anyigba dzi la nu. Wonye Esau, Edomtɔwo fofo ƒe dzidzimeawo." data/train/GEN/GEN_024_Verse_034.mp3,"Gbe ɖeka la, Abraham gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla, ame si nye eƒe subɔla tsitsitɔ be," data/train/GEN/GEN_021_Verse_005.mp3,"Abraham ɖe alẽvi adre tso eƒe lãhawo me ɖe aga," data/train/GEN/GEN_033_Verse_011.mp3,"eya ta nye aƒetɔ, miawo mido ŋgɔ, eye míawo míadze mia yome ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi le Seir.”" data/train/GEN/GEN_001_Verse_020.mp3,"Mawu tsɔ wo ɖo lilikpo la ŋu, be woana kekeli anyigba," data/train/GEN/GEN_017_Verse_004.mp3,"Esi Abraham se nya siawo la, etsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume. Eko nu le eɖokui me le dzimaxɔse ta, hebia eɖokui be, “Ɖe nye ame si xɔ ƒe alafa ɖeka la, magate ŋu azu fofo, eye Sara ame si xɔ ƒe blaasiekɛ la agate ŋu adzi via?”" data/train/GEN/GEN_032_Verse_029.mp3,"Yakob trɔ va asaɖa la me, eye eya ɖeka nɔ afi ma. Ŋutsu aɖe te kame kplii va se ɖe fɔŋli." data/train/GEN/GEN_015_Verse_013.mp3,"Ke mahe to na dukɔ ma si awɔ wo kluviwoe. Emegbe la, woado le dukɔ ma te kple kesinɔnu geɖewo." data/train/GEN/GEN_005_Verse_030.mp3,Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ (105) hafi dzi Enos. data/train/GEN/GEN_031_Verse_003.mp3,"Ale Yakob ɖi kpe aɖe abe ŋkuɖodzikpe ene," data/train/GEN/GEN_019_Verse_021.mp3,"Kpɔ ɖa, du la medidi tso afi sia kura o, eye du sue aɖe koe. Meɖe kuku mina mayi afi ma boŋ. Miekpɔ ale si wònye du sue aɖe oa? Matsi agbe le afi ma.”" data/train/GEN/GEN_038_Verse_018.mp3,"Le Yehowa gbɔ la, enye nu vɔ̃ Onan wɔ be wògbe be yemadzi vi na ye nɔvi kukua o, eya ta Yehowa wu eya hã." data/train/GEN/GEN_009_Verse_000.mp3,"Ale Sem kple Yafet lé avɔ aɖe ɖe abɔta, trɔ kɔ ɖe adzɔge, zɔ megbemegbe yi avɔgbadɔ la me, eye wotsɔ avɔ la tsyɔ na wo fofo." data/train/GEN/GEN_046_Verse_000.mp3,"Ale ame siwo katã yina Egipte, eye wonye Yakob ƒe dzidzimeviwo, ne Yakob ƒe viŋutsuwo srɔ̃wo mele eme o la, wode ame blaade-vɔ-ade." data/train/GEN/GEN_011_Verse_010.mp3,"Esi Serug xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Nahor." data/train/GEN/GEN_048_Verse_017.mp3,"Le nya siawo megbe la, wova gblɔ na Yosef be fofoa ƒe lãmegbegblẽ la nu nɔ sesẽm ɖe edzi kokoko. Ale wòkplɔ Via ŋutsuvi eveawo, Manase kple Efraim, eye woyi ɖakpɔe ɖa." data/train/GEN/GEN_008_Verse_008.mp3,Kɔsiɖa enyi gava yi. Anyigba ƒu azɔ mlɔeba. data/train/GEN/GEN_037_Verse_011.mp3,"Gbe ɖeka la, Yosef ku drɔ̃e, eye wòlĩi na nɔviawo. Nu sia gadzi nɔviawo ƒe fuléle ɖe edzi!" data/train/GEN/GEN_003_Verse_020.mp3,"Yehowa Mawu bia nyɔnu la be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Da lae blem.”" data/train/GEN/GEN_036_Verse_025.mp3,"Esi Hadad trɔ megbe la, Samla tso Masreka ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/GEN/GEN_042_Verse_006.mp3,"Edzo le wo gbɔ yi teƒe aɖe, afi si wòate ŋu afa avi le. Esi wòtrɔ gbɔ la, etɔ asi Simeon dzi, eye wòna woblae le eŋkume." data/train/GEN/GEN_030_Verse_037.mp3,"Rahel na ŋkɔe be Dan si gɔmee nye “Afiatsotso,” elabena egblɔ be, “Mawu tso afia nam, ese nye gbedodoɖa, eye wòna ŋutsuvim.”" data/train/GEN/GEN_047_Verse_031.mp3,"Yosef ɖo eŋu na wo be, “Enyo, mitsɔ miaƒe lãwo nam ne miaxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe.”" data/train/GEN/GEN_032_Verse_005.mp3,"Egblɔ na wo bena, “Ale miagblɔ na nye aƒetɔ Esau enye si: ‘Nye Wò dɔla Yakob, meyi ɖanɔ mía nyrui, Laban gbɔ va se ɖe egbe." data/train/GEN/GEN_025_Verse_030.mp3,"Yakob ɖo eŋu be, “Enyo, ekema tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye nam, eye nàxɔ akplẽdzĩ la.”" data/train/GEN/GEN_003_Verse_024.mp3,"Ŋutsu la na ŋkɔ srɔ̃a be Eva si gɔmee nye “Agbenala,” elabena egblɔ be, “Eyae azu amegbetɔƒome blibo la dzila.”" data/train/GEN/GEN_015_Verse_006.mp3,"Esi ɣe ɖo to, eye viviti do la, Abram kpɔ ze aɖe si me dzudzɔ nɔ dodom tso kɔlikɔli kple akakati aɖe si nɔ lã kuku fefeawo dome tom." data/train/GEN/GEN_017_Verse_023.mp3,"“Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wò: ànye dukɔ geɖewo fofo.”" data/train/GEN/GEN_017_Verse_016.mp3,"Mawu yi edzi be, “Wò ŋkɔ maganye Abram o, ke boŋ ezu Abraham, elabena meɖo wò dukɔ geɖewo fofoe." data/train/GEN/GEN_014_Verse_017.mp3,"Tete fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Zeboyim kple Bela (si nye Zoar) la yi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Sidim Balime," data/train/GEN/GEN_036_Verse_034.mp3,"Le Siaul ƒe ku megbe la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/GEN/GEN_009_Verse_024.mp3,Noa ganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ blaatɔ̃ (350) le tsiɖɔɖɔ megbe. data/train/GEN/GEN_038_Verse_020.mp3,"Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yuda srɔ̃ ku. Le kunuwɔwɔ nɛ vɔ megbe la, Yuda kple exɔlɔ̃, Hira, Adulamtɔ la yi Timna be woakpɔ fukoko na alẽwo dzi." data/train/GEN/GEN_041_Verse_022.mp3,"eya ta metsɔ wò ɖo dɔ blibo la nu. Nya sia nya si nàgblɔ la, woawɔ edzi le Egiptenyigba blibo la dzi. Nye ɖeka koe aganye amegã na wò.”" data/train/GEN/GEN_024_Verse_046.mp3,"Le ŋuɖoɖo sia ta la, Abraham ƒe aƒedzikpɔla dze klo ɖe Yehowa ŋkume, eye wòsubɔe." data/train/GEN/GEN_005_Verse_007.mp3,Enɔk xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Metusela. data/train/GEN/GEN_038_Verse_017.mp3,"Le esia megbe la, Tamar gade asi eƒe ahovɔ la tata me abe tsã ene." data/train/GEN/GEN_009_Verse_001.mp3,"“Ame sia ame si akɔ ame ƒe ʋu ɖi la, ame akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi, elabena Mawu ƒe nɔnɔme me Mawu wɔe ɖo." data/train/GEN/GEN_009_Verse_012.mp3,“Ke mele be miaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o. data/train/GEN/GEN_033_Verse_020.mp3,"Yakob yi edzi be, “Ao, xɔ nunanawo nam ko, elabena wò alɔgbɔnu si nèko xɔlɔ̃tɔe nam la na nya la kɔ le dzinye! Vɔvɔ̃ ɖom le ŋutiwò abe Mawu ƒe ŋkumee mekpɔ ene." data/train/GEN/GEN_019_Verse_027.mp3,"Mawudɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Enyo, mexɔ wò nya la, eye nyematsrɔ̃ du sue ma o." data/train/GEN/GEN_041_Verse_043.mp3,nye kple aboloƒola míeku drɔ̃e gbe ɖeka le zã me. data/train/GEN/GEN_044_Verse_015.mp3,"Ke azɔ la, aƒetɔ, ne matrɔ ayi fofonye gbɔ, nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o, esi menya be fofonye melɔ̃a nu le ɖevi la gbɔ o," data/train/GEN/GEN_005_Verse_010.mp3,"Esime Enos xɔ ƒe blaasiekɛ la, ezu fofo na Kenan," data/train/GEN/GEN_034_Verse_024.mp3,"Wogblɔ be, “Míate ŋui gbeɖe o, elabena mietso aʋa o. Anye ŋukpe na mía nɔvinyɔnu la be wòaɖe bolobolotɔ." data/train/GEN/GEN_001_Verse_026.mp3,"Mawu yɔ lilikpo la be “dziƒo.” Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke evelia." data/train/GEN/GEN_029_Verse_033.mp3,"Yakob lɔ̃ be yeagasubɔ ƒe adre bubu, ale Laban tsɔ Rahel hã nɛ." data/train/GEN/GEN_006_Verse_017.mp3,"Tete Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la hã, elabena evem be mewɔ wo.”" data/train/GEN/GEN_046_Verse_019.mp3,"Mayi Egipte kpli wò, eye magakplɔ wò agbɔe godoo, eye Yosef ŋutɔ ƒe asi amia wò ŋkuwo.”" data/train/GEN/GEN_001_Verse_007.mp3,"Eye zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke atɔ̃lia." data/train/GEN/GEN_036_Verse_024.mp3,"Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi si tso Bozra la zu fia." data/train/GEN/GEN_030_Verse_001.mp3,"Azɔ esi Lea kpɔ be yemegale fu fɔm o la, etsɔ eƒe subɔla Zilpa na Yakob wòɖe." data/train/GEN/GEN_033_Verse_013.mp3,"Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖeviawo dometɔ aɖewo metsi o, eye nenema ke vidzĩwo le lãwo dome. Ne míedo du wo akpa la, woaku," data/train/GEN/GEN_011_Verse_032.mp3,"Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.”" data/train/GEN/GEN_015_Verse_005.mp3,"Esi ɣe nɔ to ɖom la, Abram dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eye wòkpɔ ŋutega dziŋɔ aɖe." data/train/GEN/GEN_045_Verse_023.mp3,"Tete wòde asi dzidzɔvifafa me. Ekpla asi kɔ na Benyamin, eye eya hã de asi avifafa me." data/train/GEN/GEN_029_Verse_006.mp3,"Ekpɔ alẽha etɔ̃ wotsyɔ akɔ anyi ɖe gbe dzi le vudo aɖe to, nɔ lalam be woana tsi yewo yewoano. Ke wotsɔ kpe gã aɖe tu vudoa nu." data/train/GEN/GEN_024_Verse_012.mp3,"Aƒedzikpɔla la tsi tsitre ɖe afi ma sẽe, de ta agu, eye wòkafu Yehowa gblɔ be," data/train/GEN/GEN_024_Verse_023.mp3,"Esi kposɔawo no tsi heɖi kɔ vɔ la, etsɔ sikatogɛ kple sikalɔnugɛ na Rebeka." data/train/GEN/GEN_003_Verse_008.mp3,"Esi woɖu kutsetsea ko la, wodze sii enumake be yewole amama, eye ŋu de asi wo kpekpe me. Ale wotɔ aŋgbawo hesa ɖe ali." data/train/GEN/GEN_030_Verse_034.mp3,"Na makplɔ srɔ̃nyewo kple vinyewo ɖe asi, elabena wò ŋutɔ ènya ale si mesubɔ wò ɖe wo tae.”" data/train/GEN/GEN_021_Verse_033.mp3,"Yi nàtsɔ ɖevi la, eye nàfa akɔ nɛ, elabena mawɔ eƒe dzidzimeviwo woazu dukɔ gã aɖe.”" data/train/GEN/GEN_038_Verse_030.mp3,"Yuda lɔ̃ be ye tɔwoe, eye wògblɔ be, “Etɔ dzɔ, elabena megbe be nyemawɔ ŋugbedodo dzi atsɔe na vinye, Sela wòaɖe o.” Tso ema dzi la, megadɔ kplii kpɔ o." data/train/GEN/GEN_029_Verse_004.mp3,"Egabia wo be, “Eli nyuiea?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eli nyuie, eye nuwo dze edzi nɛ. Kpɔ ɖa, via nyɔnu, Rahel kplɔ alẽwo gbɔnae.”" data/train/GEN/GEN_008_Verse_004.mp3,"Esia megbe la, Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòsa vɔ le edzi na Yehowa kple lã kple xevi siwo dzi Yehowa da asi ɖo hena vɔsasa la dometɔ aɖewo." data/train/GEN/GEN_036_Verse_011.mp3,"Dison, Ezer kple Disan. Wonye viŋutsuwo na Horitɔ Seir le Edom, eye wonye fiawo." data/train/GEN/GEN_007_Verse_019.mp3,"Nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ si me agbegbɔgbɔ le la ƒomevi ɖe sia ɖe, atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me." data/train/GEN/GEN_042_Verse_025.mp3,nɔviwo mí katã míenye. Nuteƒewɔlawo míenye. Menye ŋkutsalawoe míenye o!” data/train/GEN/GEN_027_Verse_026.mp3,"Ke Rebeka fi nya si Isak gblɔ na via Esau la se. Ale esi Esau dzo yi adegbe be yeadi lã aɖe awu la," data/train/GEN/GEN_046_Verse_027.mp3,"Wokplɔ Yakob kple via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, tɔgbuiyɔvia ŋutsuwo kple tɔgbuiyɔvia nyɔnuwo siaa yi Egipte." data/train/GEN/GEN_031_Verse_052.mp3,"Yakob ɖo eŋu na Laban be, “Mesi dzo, elabena menɔ vɔvɔ̃m. Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Àva xɔ viwò nyɔnuwo le asinye sesẽtɔe.’" data/train/GEN/GEN_020_Verse_007.mp3,"Emegbe la, etrɔ ɖe Sara ŋu gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, metsɔ klosalo akpe ɖeka na ‘nɔviwò ŋutsua’ be makpatae, eye maɖe ŋukpe ɖa le mo na wò le gbɔwòviwo katã ŋkume. Fifia dzɔdzɔenyenye va aƒe.”" data/train/GEN/GEN_008_Verse_010.mp3,"Le ŋkeke adre megbe la, Noa gaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu." data/train/GEN/GEN_022_Verse_013.mp3,"Isak bia fofoa Abraham be, “Papa!” Eɖo eŋu nɛ bena “Nyee nye si, vinye!” Ke Isak bia be, “Nake kple dzosinu le mía si, ke afi ka agbo si míatsɔ asa vɔe ya le?”" data/train/GEN/GEN_024_Verse_030.mp3,"Eɖo eŋu be, “Fofonyee nye Betuel si nye Milka si nye Nahor srɔ̃ la ƒe vi." data/train/GEN/GEN_047_Verse_027.mp3,"Yakob ɖo eŋu be, “Mexɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃, meto nu sesẽ geɖewo me, eye nyemetsi abe fofonyewo ene haɖe o.”" data/train/GEN/GEN_036_Verse_009.mp3,Disan ƒe viŋutsuwoe nye: Uz kple Aran. data/train/GEN/GEN_014_Verse_020.mp3,"Wonye Fia Kedolaoma teviwo ƒe wuieve sɔŋ, ke wotso ɖe fia sia ŋu le ƒe wuietɔ̃lia me." data/train/GEN/GEN_032_Verse_022.mp3,"Vɔvɔ̃ ɖo Yakob. Ema eƒe amewo kple lãhawo kpakple kposɔwo ɖe akpa eve," data/train/GEN/GEN_033_Verse_006.mp3,"Esau gblɔ be, “Enyo, mina míadze mɔ. Nye kple nye amewo, míanɔ mia ŋu, eye míadze ŋgɔ na mi.”" data/train/GEN/GEN_002_Verse_025.mp3,"Yehowa Mawu tsɔ axaƒuti si wòɖe le amea me la wɔ nyɔnu, eye wòkplɔe va ame la gbɔ." data/train/GEN/GEN_014_Verse_015.mp3,"Nu si maxɔ koe anye nu si ɖekakpui siawo ɖu. Ke tsɔ kesinɔnuawo ƒe akpa aɖe na Aner, Eskol kple Mamre, ame siwo kpe ɖe ŋunye le aʋa la wɔwɔ me.”" data/train/GEN/GEN_047_Verse_005.mp3,"Ameawo gblɔ be “Èɖe míaƒe agbe! Aƒetɔ, ne àlɔ̃ la, míanye awɔbamewo na Farao.”" data/train/GEN/GEN_025_Verse_021.mp3,"Midian ƒe viŋutsuwoe nye: Efa, Efer, Hanok, Abida kple Elda. Woawoe nye Abraham kple srɔ̃a evelia, Ketura ƒe dzidzimeviwo." data/train/GEN/GEN_017_Verse_007.mp3,"Eye Mawu gblɔ na Abraham be, “Ele na wò be nàlé nye nubabla me ɖe asi, wò kple wò dzidzimeviwo le dzidzime siwo ava la me." data/train/GEN/GEN_021_Verse_029.mp3,"Nu sia na Abraham tɔtɔ ŋutɔ, elabena via kee nye Ismael hã." data/train/GEN/GEN_017_Verse_021.mp3,"Melɔ̃ be mayra Ismael hã abe ale si nèbiae ene. Mana wòadzi asɔ gbɔ, eye wòazu dukɔ gã aɖe. Fiavi ŋutsuvi wuieve anɔ eƒe dzidzimeviwo dome." data/train/GEN/GEN_024_Verse_053.mp3,Nɔviŋutsu aɖe nɔ Rebeka si. Eŋkɔe nye Laban. data/train/GEN/GEN_021_Verse_025.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, Fia Abimelek kple eƒe aʋafia Pixol va Abraham gbɔ gblɔ nɛ be, “Eme kɔ ƒãa be Mawu li kpli wò le nu sia nu si nèwɔna la me." data/train/GEN/GEN_036_Verse_018.mp3,"Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu kple Zibeon ƒe mamayɔvi si wodzi na Esau la dzi Yeus, Yalam kple Korah." data/train/GEN/GEN_013_Verse_017.mp3,"Tso Negeb gbegbe la, etso teƒe yi teƒe va se ɖe esime wòva ɖo Betel, teƒe si le Betel kple Ai dome, afi si wòtu agbadɔ ɖo kpɔ" data/train/GEN/GEN_014_Verse_008.mp3,"eye wòyra Abram gblɔ be, “Mawu Dziƒoʋĩtɔ, dziƒo kple anyigba wɔla nayra Abram," data/train/GEN/GEN_013_Verse_012.mp3,"Lot ame si hã dze Abram yome la nye kesinɔtɔ gã aɖe: alẽwo, nyiwo kple subɔlawo bɔ ɖe esi." data/train/GEN/GEN_027_Verse_010.mp3,"Esau xɔ nya la dzi gblɔ na fofoa be, “Yayra aɖeke mesusɔ nàtsɔ nam oa? Oo, fofonye yra nye hã!” Esau gade asi avifafa me, ke fofoa meke nu o." data/train/GEN/GEN_023_Verse_011.mp3,"Efrɔn ɖo eŋu na Abraham be," data/train/GEN/GEN_030_Verse_007.mp3,"elabena egblɔ be, “Dzi dzɔm ale gbegbe! Nyɔnu bubuwo abu be woyram vavã!”" data/train/GEN/GEN_024_Verse_065.mp3,"Ɖetugbi la ɖo eŋu be, “Mana tsi wò faa, nye aƒetɔ.” Eku tsi na aƒedzikpɔla la enumake," data/train/GEN/GEN_004_Verse_010.mp3,"eye Abel hã tsɔ eƒe alẽvi damitɔ sa vɔ nɛ. Yehowa xɔ Abel ƒe vɔsa," data/train/GEN/GEN_047_Verse_012.mp3,"Esi wova ɖo la, Yosef yi Farao gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Fofonye kple nɔvinyewo tso Kanaan va ɖo afii kple woƒe lãwo kpakple woƒe nuwo katã. Wodi be yewoanɔ Gosenyigba dzi.”" data/train/GEN/GEN_030_Verse_016.mp3,"Etsɔ wo da ɖe lãwo ƒe tsinoƒe, ale be lãwo nakpɔ wo ne wova tsinoƒe, afi si lãtsuwo yɔa asi lãnɔwo le la." data/train/GEN/GEN_034_Verse_023.mp3,"Tete Sekem fofo, Hamor do go be yeaƒo nu kple Yakob." data/train/GEN/GEN_033_Verse_014.mp3,"Kosiawo kple wo viwo va ŋgɔ, eye wode ta agu nɛ." data/train/GEN/GEN_028_Verse_019.mp3,"Yakob fɔ ŋdi kanya, ɖi kpe si wòziɔ la abe ŋkuɖodzikpe ene, eye wòkɔ ami ɖe edzi." data/train/GEN/GEN_024_Verse_013.mp3,"Aƒedzikpɔla la ɖe abla te ɖe eŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, na tsi vi aɖem tso wò tsikuze la me mano.”" data/train/GEN/GEN_012_Verse_010.mp3,"Ke ne ègblɔ be nɔvinyee yenye la, Egiptetɔwo axɔm nyuie le tawò, eye womawum o!”" data/train/GEN/GEN_030_Verse_042.mp3,"Yakob ɖo eŋu be, “Ènya ale si mesubɔ wò anukwaretɔe le ƒe geɖe siawo me kple ale si wò lãwo dzii," data/train/GEN/GEN_038_Verse_011.mp3,"Eƒe vidziɣi ɖo, eye wòdzi evenɔvi siwo nye ŋutsuviwo." data/train/GEN/GEN_034_Verse_027.mp3,"Wowu Hamor kple Sekem hã, eye wokplɔ Dina tso Sekem ƒe aƒe me hetrɔ yi wo nɔƒe." data/train/GEN/GEN_024_Verse_024.mp3,"“Esi menɔ nya siawo gblɔm la, Rebeka gbɔna ɖaa, tsikuze nɔ abɔta nɛ. Eyi ɖaku tsi le vudo la me ɖe tsikuze la me. Megblɔ nɛ be, ‘Meɖe kuku, na tsim mano.’" data/train/GEN/GEN_036_Verse_039.mp3,"Reuel ƒe viŋutsuwoe nye: Nahat, Zera, Sama kple Miza. Ame siawoe nye Esau ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Basemat dzi." data/train/GEN/GEN_030_Verse_005.mp3,"Egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi adelia na Yakob." data/train/GEN/GEN_002_Verse_001.mp3,Ale Mawu wu dziƒo kple anyigba kpakple nu siwo katã le xexea me la wɔwɔ nu. data/train/GEN/GEN_030_Verse_043.mp3,"Zilpa dzi ŋutsuvi evelia na Yakob, eye Lea na ŋkɔe be Aser si gɔmee nye “Dzidzɔ”," data/train/GEN/GEN_028_Verse_006.mp3,"Ena ŋkɔ teƒea be Betel si gɔmee nye “Mawu ƒe Aƒe.” Tsã la, woyɔ du si te ɖe afi ma ŋu la be Luz." data/train/GEN/GEN_034_Verse_022.mp3,"Tabianu alo nunana ka ke miabia la, mana mi; mina wòazu srɔ̃nye ko!”" data/train/GEN/GEN_022_Verse_011.mp3,"eye wògblɔ nɛ be, “Nye, Yehowa, meka atam na wò le nye ŋkɔ dzi be esi nèɖo tom, eye mègbe viwò ŋutsuvi lɔlɔ̃a tsɔtsɔ nam o ta la," data/train/GEN/GEN_011_Verse_008.mp3,"Esi Reu xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve la, edzi Serug." data/train/GEN/GEN_020_Verse_016.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, nɔvinye nyɔnu tututue, fofonye vie, ke menye danye vie o, eye wònye srɔ̃nye hã." data/train/GEN/GEN_029_Verse_005.mp3,"Egafɔ fu, eye wògadzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Levi si gɔmee nye “Kuku ɖe ame ŋu,” elabena egblɔ be, “Azɔ ya la, esi medzi ŋutsuvi etɔ̃ sɔŋ nɛ ta la, srɔ̃nye alɔ̃m kokoko.”" data/train/GEN/GEN_023_Verse_012.mp3,"Eku le Kiriat Arba (si nye Hebron) le Kanaanyigba dzi. Abraham yi be yeafa konyi, eye yeafa avi nɛ." data/train/GEN/GEN_037_Verse_008.mp3,"Eya ta esi Yosef ɖo nɔviawo gbɔ la, woɖe eƒe awu ʋlaya la le eŋu," data/train/GEN/GEN_046_Verse_008.mp3,"Esiawoe nye viŋutsu siwo Lea dzi na Yakob le Padan Aram, kpe ɖe via nyɔnuvi Dina ŋu. Viŋutsu kple vinyɔnu siawo katã le blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃." data/train/GEN/GEN_010_Verse_002.mp3,"Ame siwo katã woyɔ va yi la nye Noa ƒe dzidzimeviwo, to dzidzime geɖewo me, eye wonɔ dukɔ vovovo siwo dzɔ le tsiɖɔɖɔ megbe la me." data/train/GEN/GEN_004_Verse_025.mp3,"Yehowa gblɔ nɛ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu do ɣli tso anyigba dzi va ɖo gbɔnye na hlɔ̃biabia." data/train/GEN/GEN_039_Verse_009.mp3,eya ta Potifar lɔ̃ Yosef. Etsɔe ɖo eƒe aƒemenuwo kple eƒe dɔwɔnawo dzi kpɔkpɔ nu. data/train/GEN/GEN_044_Verse_022.mp3,"ne ekpɔ be ɖevi la megbɔ kpli mí o la, mía fofo aku, eye wòazu be míawoe na wòyi yɔ me kple nuxaxa." data/train/GEN/GEN_027_Verse_021.mp3,"Isak gblɔ na Yakob be, “Te ɖe ŋunye. Medi be mali asi ŋuwò, ale be maka ɖe edzi be Esau tututue!”" data/train/GEN/GEN_001_Verse_018.mp3,"Mawu kpɔ be kekeli la nyo, eye wòma kekeli la tso viviti la gbɔ." data/train/GEN/GEN_033_Verse_005.mp3,"Esau gblɔ be, “Enyo, mana nye ame aɖewo nakpe ɖe mia ŋu, eye woanye kplɔlawo na mi.” Yakob gbe be, “Ao, nye aƒetɔ, míanɔ edzi ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi. Meɖe kuku, na wòanɔ abe ale si megblɔ ene.”" data/train/GEN/GEN_003_Verse_011.mp3,"gake Mawu gblɔ be, ‘Migaɖu ati si le abɔ la titina ƒe tsetse o, migaka asi eŋu hã o, ne menye nenema o la, miaku.’ ”" data/train/GEN/GEN_030_Verse_012.mp3,"Ena ŋkɔe be Zebulon si gɔmee nye “Nunana,” elabena egblɔ be, “Mawu tsɔ nu nyuiwo to dzinye na srɔ̃nye. Azɔ la, srɔ̃nye abum, elabena medzi ŋutsuvi ade nɛ.”" data/train/GEN/GEN_019_Verse_007.mp3,"Emegbe la, Lot dzo le Zoar, elabena enɔ afi ma tɔwo vɔ̃m, eye wòyi ɖanɔ agado aɖe me le toawo dzi kple via nyɔnuvi eveawo." data/train/GEN/GEN_029_Verse_012.mp3,"Eteƒe medidi hafi Lea gafɔ fu o. Egadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Simeon si gɔmee nye “Yehowa see,” elabena egblɔ be, “Yehowa see be womelɔ̃m o, eya ta wògana ŋutsuvi bubum.”" data/train/GEN/GEN_042_Verse_035.mp3,"Woɖe wo ɖokuiwo nu be, “Amegã, míele nɔviŋutsu wuieve; mía fofo le Kanaan. Mía nɔviŋutsu suetɔ le afi ma le mía fofo gbɔ, eye mía nɔviŋutsu ɖeka ku.”" data/train/GEN/GEN_036_Verse_033.mp3,"Le Samla ƒe ku megbe la, Siaul tso Rehobot, du si le tɔsisi aɖe ŋu la ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/GEN/GEN_010_Verse_014.mp3,"kple Resen ɖo; Resen le Ninive kple Kala dome, eye eyae nye du gã la." data/train/GEN/GEN_036_Verse_035.mp3,"Lotan ƒe viwoe nye, Hori kple Heman. Timna nye Lotan nɔvinyɔnu." data/train/GEN/GEN_006_Verse_020.mp3,"Xevi ƒomevi ɖe sia ɖe, eveve, lã ƒomevi ɖe sia ɖe eveve kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana la eveve ava gbɔwò be nàde wo aɖakaʋu la me." data/train/GEN/GEN_026_Verse_022.mp3,"Isak ɖe asi le vudo sia hã ŋu, eye wògaɖe bubu. Ke afi ma tɔwo megabia nya aɖekee o. Nu sia na wona ŋkɔ vudo sia be Rehobot si gɔmee nye “Teƒe Li Na Mí Azɔ.” Eya ta egblɔ be, “Elabena mlɔeba la, Yehowa di teƒe na mí, eye míaɖe ɖɔ.”" data/train/GEN/GEN_044_Verse_006.mp3,"Aƒetɔ, meɖe adzɔgbe na fofonye be makpɔ ɖevi la dzi nyuie. Megblɔ nɛ be, ‘Ne nyemekplɔ ɖevi la gbɔe o la, fɔɖiɖi sia nanɔ dzinye tegbee!’" data/train/GEN/GEN_006_Verse_016.mp3,"Noa ƒe ŋutinya yi ale: Noa nye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le ame siwo nɔ anyi le eŋɔli la dome, eye wòzɔ kple Mawu." data/train/GEN/GEN_047_Verse_009.mp3,"Ekplɔ nɔvia ŋutsu atɔ̃ ɖe asi, eye wòɖe wo fia Farao." data/train/GEN/GEN_013_Verse_011.mp3,"Le Lot ƒe ʋuʋu megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Nye kɔ nàkpɔ didiƒe, tso anyiehe yi dziehe, tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, afi si nàte ŋu akpɔ aƒo xlã ɖokuiwò," data/train/GEN/GEN_027_Verse_009.mp3,"Esau gblɔ kple vevesese be, “Nu sia tututu tae woyɔe be Yakob si gɔmee nye ‘Amebala’ ɖo. Exɔ nye ŋgɔgbevinyenye le asinye, eye wògafi nye yayra hã. Oo, fofonye, yayra aɖeke megale asiwò nànam oa?”" data/train/GEN/GEN_026_Verse_016.mp3,"Fia Abimelek nya Isak le eƒe anyigba dzi. Egblɔ nɛ be, “Dzo yi teƒe bubu, elabena èzu kesinɔtɔ eye ŋusẽ le asiwò wu mí azɔ.”" data/train/GEN/GEN_009_Verse_018.mp3,"Mebla nu kpli wò. Tsiɖɔɖɔ magatsi agbe nu na nu gbagbewo azɔ o. Tsi magaɖɔ, agatsrɔ̃ anyigba akpɔ o." data/train/GEN/GEN_017_Verse_002.mp3,"Ale Abraham kple Mawu ƒe dzeɖoɖo wu enu, eye Mawu dzo." data/train/GEN/GEN_005_Verse_032.mp3,Yared xɔ ƒe alafa ɖeka blaade-vɔ-eve (162) esi wòdzi Via ŋutsuvi Enɔk. data/train/GEN/GEN_025_Verse_032.mp3,"Yoksan dzi Seba kple Dedan. Dedan ƒe viŋutsuwoe nye: Asurim, Letusim kple Leunim." data/train/GEN/GEN_022_Verse_002.mp3,"Abraham tsɔ vɔsanake la ɖo ta na Isak, eye eya ŋutɔ tsɔ hɛ la kple dzosinu ɖe asi. Ale wo ame eveawo dze mɔ." data/train/GEN/GEN_041_Verse_003.mp3,“Ale Mawu ɖe nu si wɔ ge wòala la fia wò. data/train/GEN/GEN_019_Verse_020.mp3,"Ke mawudɔla eveawo ʋu ʋɔa, do asi ɖa, he Lot va xɔa me, tu ʋɔa," data/train/GEN/GEN_030_Verse_040.mp3,"Yakob do dɔmedzoe, eye wòbiae be, “Alo nyee nye Mawu, ame si na nètsi koa?”" data/train/GEN/GEN_019_Verse_034.mp3,"Nyɔnuvi tsitsitɔ dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Moab; eyae nye Moab dukɔa tɔgbui." data/train/GEN/GEN_018_Verse_006.mp3,"Azɔ la, Abraham kple Sara tsi ŋutɔ, eye Sara ƒe vidziɣi va yi xoxoxo." data/train/GEN/GEN_029_Verse_023.mp3,"Lea ƒe ŋkuwo nya kpɔna, eye Rahel ya dze tugbe ŋutɔ." data/train/GEN/GEN_001_Verse_014.mp3,"Mawu gblɔ be, “Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi.”" data/train/GEN/GEN_022_Verse_005.mp3,"Betuel nye Rebeka fofo. Milka dzi ŋutsuvi enyi siawo na Abraham nɔvi ŋutsu, Nahor." data/train/GEN/GEN_035_Verse_023.mp3,Rahel ƒe viŋutsuwo: Yosef kple Benyamin. data/train/GEN/GEN_037_Verse_018.mp3,"Migakɔ ʋu aɖeke ɖi o. Midae ɖe vudo sia me le gbegbe la, gake migade asi eŋu o.” Ruben gblɔ nya sia be yeaɖee tso woƒe asi me, eye yeakplɔe ayi na fofoa." data/train/GEN/GEN_031_Verse_048.mp3,Yakob de dzesii be Laban megakɔa ŋkume ɖe ye o. data/train/GEN/GEN_027_Verse_001.mp3,"Ale Yakob zɔ ɖe dadaa ƒe ɖoɖowo dzi. Ewu gbɔ̃awo, ko wo nyuie, eye dadaa tsɔ lã la ɖa nu si vivia Isak nu." data/train/GEN/GEN_037_Verse_019.mp3,"“Mina míadzrae na Ismaeletɔwo, eye míade asi eŋu o, elabena mía nɔviŋutsue; míawo ŋutɔ míaƒe ŋutilã kple ʋue.” Nɔviawo lɔ̃ ɖe edzi." data/train/GEN/GEN_050_Verse_001.mp3,"Ale woɖo ame ɖe Yosef be, “Fofowò gblẽ ɖoɖo siawo ɖi hafi ku." data/train/GEN/GEN_029_Verse_020.mp3,"Laban ɖo eŋu be, “Mesɔ ɖe míaƒe kɔnyinyi nu be woaɖe ɖetugbi suetɔ gbã hafi woaɖe tsitsitɔ o." data/train/GEN/GEN_046_Verse_015.mp3,"Israel gblɔ na Yosef be, “Azɔ la, mate ŋu aku faa, elabena megakpɔ wò agbagbee.”" data/train/GEN/GEN_028_Verse_007.mp3,Esau de dzesii be Kanaan nyɔnuawo medze ye fofo Isak ŋu o. data/train/GEN/GEN_027_Verse_008.mp3,"Esau de asi avifafa me hehehe. Egblɔ be, “Oo fofonye, yram! Yra nye hã!”" data/train/GEN/GEN_038_Verse_010.mp3,"eye esi wònya azɔ kɔtɛe be womaɖe mɔ yeaɖe Sela o, togbɔ be Sela tsi azɔ hã la, eɖe eƒe ahovɔ da ɖi, eye wòtsɔ motsyɔvɔ tsyɔ mo, ale be womagadze si ye o. Enɔ anyi ɖe mɔ to le Enaim si le Timna mɔ dzi la ƒe agbo nu." data/train/GEN/GEN_029_Verse_017.mp3,Laban tsɔ eƒe kosi Zilpa na Lea be wòanye eƒe dɔlanyɔnu. data/train/GEN/GEN_018_Verse_019.mp3,"Mina woaku tsi vi aɖe vɛ miaklɔ afɔe, eye miaɖi ɖe eme sẽe le ati sia te," data/train/GEN/GEN_020_Verse_017.mp3,"Mawu ɖo eŋu be, “Ɛ̃, menyae nenema, eya ta mekpɔ egbɔ be mèwɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Esia tae nyemeɖe mɔ na wò be nàka asi eŋu o ɖo." data/train/GEN/GEN_035_Verse_008.mp3,"Eteƒe medidi o la, Debora, ame si kpɔ Rebeka dzi le ɖevime la ku, eye woɖii ɖe ati gã aɖe si le balime si le Betel ƒe anyigbe lɔƒo la te. Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa teƒe ma be, “Konyifafa ƒe ati.”" data/train/GEN/GEN_041_Verse_004.mp3,"Ale ƒe adre siwo me nuɖuɖu bɔ le Egipte la wu enu," data/train/GEN/GEN_016_Verse_008.mp3,"Fifia, èfɔ fu; àdzi ŋutsuvi. Na ŋkɔe be Ismael, si gɔmee nye, ‘Mawu see,’ elabena Yehowa se wò konyifafa." data/train/GEN/GEN_002_Verse_011.mp3,"Eya ta le ŋkeke adrelia gbe, esi Mawu wu eƒe dɔwɔwɔwo nu la, edzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me." data/train/GEN/GEN_047_Verse_002.mp3,"Ale wotsɔ woƒe nyiwo vɛ na Yosef, eye woxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Egiptetɔwo ƒe sɔwo, alẽwo, nyiwo kple tedziwo katã zu Farao tɔ." data/train/GEN/GEN_025_Verse_002.mp3,Abraham tsɔ eƒe nuwo katã na Isak; data/train/GEN/GEN_024_Verse_059.mp3,"Wogblɔ be, “Enyo, míayɔ ɖetugbi la abia gbee.”" data/train/GEN/GEN_020_Verse_006.mp3,elabena Yehowa xe woƒe vidzidɔwo be yeahe to na Abimelek ɖe ale si wòxɔ Abraham srɔ̃ Sara la ta. data/train/GEN/GEN_030_Verse_041.mp3,"Yakob lã atilɔ fɛ̃ aɖewo, kpa tsro le akpa aɖewo ŋu, ale be wozu ŋɔtaŋɔta, eye fli to ɖewo me." data/train/GEN/GEN_035_Verse_007.mp3,"Esime Yakob va ɖo Betel le eƒe mɔzɔzɔ tso Padan Aram me la, Mawu gaɖe eɖokui fiae, eye wòyrae." data/train/GEN/GEN_032_Verse_003.mp3,"Egblɔ na ame siwo le lãha gbãtɔ kplɔm la be ne wodo go Esau, eye wòbia wo be, “Afi ka yim miele? Ame ka ƒe subɔlawo mienye? Ame ka ƒe lãwoe nye esiawo?” la," data/train/GEN/GEN_019_Verse_026.mp3,"Mawudɔlawo bia Lot be, “Wò ƒometɔ kawoe le du sia me? Na woawo ŋutɔ, wo viŋutsuwo, wo vinyɔnuwo, wo toyɔviwo kple lɔ̃xoyɔviwo kple woƒe ƒometɔ bubuawo katã nadzo le du sia me," data/train/GEN/GEN_028_Verse_022.mp3,"Ŋkuɖodzikpe sia azu mawusubɔƒe, eye matsɔ nu sia nu si nànam la ƒe ewolia ana wò!”" data/train/GEN/GEN_040_Verse_009.mp3,"Ke Farao ƒe ahakulawo ƒe amegã la ŋlɔ Yosef be enumake, eye megabua eŋu kura o." data/train/GEN/GEN_022_Verse_015.mp3,"Le ŋkeke ene ƒe mɔzɔzɔ megbe la, Abraham kpɔ teƒe la le adzɔge ʋĩi." data/train/GEN/GEN_001_Verse_017.mp3,"Mawu gblɔ be, “Tɔmelãwo nedzi ɖe tsiawo me, eye xeviwo nedzo le yame le dziŋgɔli la ƒe ŋkume.”" data/train/GEN/GEN_027_Verse_003.mp3,"‘Di adelã nàɖa nui nam maɖu, eye mayra wò le Yehowa ŋkume hafi maku.’ ”" data/train/GEN/GEN_025_Verse_001.mp3,"Abraham mia nu, eye eƒe agbe nu tso le ƒe geɖe xɔxɔ megbe. Enɔ agbe wòde edeƒe, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ." data/train/GEN/GEN_045_Verse_015.mp3,"Mawu ɖom ɖe afi sia be mana miawo kple miaƒe ƒometɔwo miatsi agbe, ale be miate ŋu azu dukɔ gã aɖe." data/train/GEN/GEN_033_Verse_001.mp3,"Emegbe la, Yakob tso Padan Aram va ɖo Sekem le Kanaanyigba dzi dedie, eye wònɔ du la godo." data/train/GEN/GEN_009_Verse_011.mp3,"Ham, ame si nye Kanaantɔwo fofo la kpɔ fofoa ƒe amame, eye wòyi ɖagblɔe na nɔvia eveawo." data/train/GEN/GEN_044_Verse_020.mp3,"míegblɔ be, ‘Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàɖe mɔ na mí míakplɔ mía nɔvi suetɔ ɖe asi hafi. Eya ko hafi míate ŋu ayi.’" data/train/GEN/GEN_024_Verse_017.mp3,"Ekplɔ Abraham ƒe kposɔ ewo ɖe asi, eye wòdo agba na wo kple nu nyui siwo katã le eƒe aƒetɔ si la ƒe ɖe. Ezɔ mɔ yi Aram Naharaim, eye wòyi Nahor ƒe du me." data/train/GEN/GEN_005_Verse_026.mp3,Metusela ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-asiekɛ (969). data/train/GEN/GEN_046_Verse_003.mp3,"Ame wuiade siawo nye Yakob kple Zilpa, kosi si Lea fofo Laban tsɔ na Lea la ƒe viŋutsuwo." data/train/GEN/GEN_015_Verse_008.mp3,"Eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye Yehowa, ame si kplɔ wò tso Ur le Kaldea be matsɔ anyigba sia ana wò tegbetegbe.”" data/train/GEN/GEN_019_Verse_008.mp3,"Esi Lot nɔ hehem ɖe megbe la, mawudɔlawo lé eya ŋutɔ, srɔ̃a kple viawo ƒe alɔnu, eye wohe wo yi dua godo, afi si woanɔ dedie le, elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo." data/train/GEN/GEN_026_Verse_005.mp3,"Do ŋugbe na mí be yemawɔ nuvevi mí abe ale si míewɔ nuvevi wò ene o. Le nyateƒe me la, nyui ko míewɔ na wò; ɖeko míena nèdzo le ŋutifafa me. Míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me.”" data/train/GEN/GEN_050_Verse_019.mp3,"Migavɔ̃ o, nye ŋutɔ makpɔ miawo kple miaƒe ƒometɔwo dzi.” Eƒo nu na wo kple gbe bɔbɔe, eye wòde dzi ƒo na wo." data/train/GEN/GEN_003_Verse_001.mp3,"Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu va se ɖe esime nàku. Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la; elabena anyi wotsɔ wɔ wòe, eye anyi ke nàgatrɔ azu.”" data/train/GEN/GEN_016_Verse_010.mp3,"Hagar dzi ŋutsuvi na Abram, eye Abram na ŋkɔe be Ismael." data/train/GEN/GEN_045_Verse_004.mp3,"Egblɔ na wo be, “Mite va gbɔnye.” Ale wote ɖe eŋu. Egagblɔ na wo be, “Nyee nye Yosef, mia nɔvi, ame si miedzra wokplɔ dzoe yi Egipte!" data/train/GEN/GEN_036_Verse_008.mp3,Beor ƒe vi Bela si ɖu fia le Edom. Du si me wònɔ la ŋkɔe nye Dinhaba. data/train/GEN/GEN_021_Verse_008.mp3,"Ale Abraham fɔ ŋdi kanya, tsɔ nuɖuɖu kple tsi na Hagar, eye wòdo mɔ eya kple wo vi Ismael. Hagar zɔ mɔ kple via yi gbedzi le Beerseba. Menya afi si tututu wòyina o." data/train/GEN/GEN_004_Verse_017.mp3,"Lamek srɔ̃ evelia, Zila dzi Tubal Kain. Eyae zu gbede gbãtɔ, eye wòtua nuwo kple akɔbli kple gayibɔ. Tubal Kain nɔvinyɔnue nye Naama." data/train/GEN/GEN_014_Verse_021.mp3,"Wotrɔ azɔ yi En Misfat (afi si woyɔna egbegbe be Kades la), eye woɖu Amalekitɔwo kple Amoritɔwo, ame siwo nɔ Hazazon Tamar la dzi." data/train/GEN/GEN_047_Verse_010.mp3,"Emegbe la, Yosef kplɔ fofoa, Yakob va Farao gbɔ, eye Yakob yra Farao." data/train/GEN/GEN_002_Verse_017.mp3,"Tete ame la do dzidzɔɣli be, “Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lãme. Woayɔe be ‘nyɔnu’, elabena ŋutsu me woɖee tsoe.”" data/train/GEN/GEN_024_Verse_036.mp3,"Isak kplɔ Rebeka de dadaa ƒe agbadɔ me, eye wòzu srɔ̃a. Isak lɔ̃ srɔ̃a ŋutɔ, eye Rebeka zu akɔfafa tɔxɛ nɛ le dadaa ƒe ku megbe." data/train/GEN/GEN_046_Verse_012.mp3,"Gbe la gblɔ be, “Nyee nye Mawu, fofowò ƒe Mawu, mègavɔ̃ na Egipte yiyi o, elabena mana nàzu dukɔ gã aɖe le afi ma." data/train/GEN/GEN_047_Verse_025.mp3,"Yakob ganɔ agbe ƒe wuiadre esime wòva ɖo Gosen, ale exɔ ƒe alafa ɖeka blaene-vɔ-adre hafi ku." data/train/GEN/GEN_034_Verse_006.mp3,"Hamor gblɔ na Yakob be, “Vinye Sekem lɔ̃ viwò Dina ŋutɔ, eye wòdi vevie be wòazu ye srɔ̃. Meɖe kuku, ɖe mɔ nɛ wòaɖee." data/train/GEN/GEN_024_Verse_067.mp3,"“Ɣetrɔ sia, esi meva ɖo vudo la to la, medo gbe ɖa be, ‘O, Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, ne èdi be nye asi naka nu si ta meva afi sia ɖo la, meɖe kuku, kplɔm ale." data/train/GEN/GEN_030_Verse_003.mp3,"Efɔ fu, dzi ŋutsuvi, eye wògblɔ be, “Mawu ɖe nye ŋukpe ɖa.”" data/train/GEN/GEN_031_Verse_013.mp3,"Gawu la, Yakob flu Laban, Arameatɔ la, eye meklãe hafi dzo o." data/train/GEN/GEN_026_Verse_025.mp3,Ke Isak kple Rebeka mekpɔ dzidzɔ le Esau ƒe srɔ̃ siawo ɖeɖe ŋu o. data/train/GEN/GEN_014_Verse_013.mp3,"Le ƒe wuienelia me la, Kedolaoma kple fia siwo kpe ɖe eŋu la yi ɖasi Refaimtɔwo le Asterot, Karnaimtɔwo kple Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Save Kiriataim" data/train/GEN/GEN_043_Verse_015.mp3,"eye wogblɔ nɛ be, “Amegã, esi míeva Egipte va ƒle nuɖuɖu zi gbãtɔ," data/train/GEN/GEN_024_Verse_042.mp3,"Kpɔm ɖa, mele tsitre ɖe vudo sia to, ɖetugbiwo tso dua me va le tsi kum." data/train/GEN/GEN_004_Verse_023.mp3,"Wò mo ate ŋu akɔ kple dzidzɔ ne ɖe nèwɔ nu si wòle be nàwɔ la! Ke esi nèwɔ vɔ̃ ta la, nu vɔ̃ le wò ʋɔtru nu le lalawòm be yeaɖu dziwò. Ke dze agbagba be nàɖu edzi!”" data/train/GEN/GEN_019_Verse_018.mp3,"Ke Lot srɔ̃ nye kɔ kpɔ megbe, eye wòtrɔ zu dzekɔ." data/train/GEN/GEN_038_Verse_002.mp3,"Efɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Er." data/train/GEN/GEN_028_Verse_016.mp3,"Mawu Ŋusẽkatãtɔ nayra wò, ana viwòwo nasɔ gbɔ, eye nàzu dukɔ gã aɖe!" data/train/GEN/GEN_047_Verse_000.mp3,Ale Egiptetɔwo katã zu awɔbamewo na Farao. data/train/GEN/GEN_015_Verse_020.mp3,"Yehowa gblɔ nɛ be, “Ao, ame bubu aɖeke manyi wò dome o, elabena àdzi ŋutsuvi, ame si anyi wò dome.”" data/train/GEN/GEN_030_Verse_031.mp3,"Lea na ŋkɔe be Isaka si gɔmee nye “Fetu,” elabena egblɔ be, “Mawu tu fe nam, elabena metsɔ nye kosivi na srɔ̃nye wòɖe.”" data/train/GEN/GEN_027_Verse_042.mp3,"Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wògbugbɔ eƒe alɔgo. Ʋeʋẽ si Isak se le awu siwo Yakob do me la na wòbu be Esaue. Eyrae hegblɔ be, “Ehɛ̃, Vinye ƒe ʋeʋẽ sɔ kple ʋeʋẽ nyui si dona tso anyigba kple agble si Yehowa yra la ene." data/train/GEN/GEN_002_Verse_016.mp3,(Sika la nyo ŋutɔ. Resin kple onikskpe hã le afi ma.) data/train/GEN/GEN_001_Verse_013.mp3,"Mawu gblɔ be, “Mina akaɖiwo nanɔ dziŋgɔli la me be woama ŋkeke ɖa tso zã gbɔ, eye woanye dzesi siwo afia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒewo," data/train/GEN/GEN_016_Verse_003.mp3,"Ale esi Abram nɔ Kanaan ƒe ewo megbe la, srɔ̃a, Sarai, tsɔ eƒe Egipte kosi, Hagar na srɔ̃ŋutsua be wòanye srɔ̃a." data/train/GEN/GEN_048_Verse_019.mp3,Metsɔ Sekemnyigba si metsɔ nye yi kple dati xɔ le Amoritɔwo si la na wò ɖe nɔviwòwo teƒe be wòanye wò gome.” data/train/GEN/GEN_047_Verse_001.mp3,"Ale Israel nɔ Gosenyigba dzi le Egipte. Nuwo de asi nyonyo me na Israelviwo kabakaba, eye wodzi sɔ gbɔ fũu." data/train/GEN/GEN_046_Verse_009.mp3,Esiawoe nye Yakob ƒe viŋutsu siwo srɔ̃a Rahel dzi nɛ: Yosef kple Benyamin. data/train/GEN/GEN_017_Verse_010.mp3,"Gbe ma gbe ke la, Abraham tso aʋa na via, Ismael kple ŋutsuvi bubu ɖe sia ɖe si wodzi ɖe eƒe aƒe me alo ƒle kple ga va eƒe aƒe me abe ale si Mawu ɖo nɛ ene." data/train/GEN/GEN_031_Verse_036.mp3,"Mienya ale si mewɔ dɔ sesĩe na mia fofo," data/train/GEN/GEN_012_Verse_006.mp3,"Esi fia ƒe subɔlawo kpɔe la, wokafu eƒe tugbedzedze na Fia Farao, eye wokplɔe yi ɖe Farao ƒe aƒe me." data/train/GEN/GEN_010_Verse_015.mp3,"Kus ƒe dzidzimevie nye Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi." data/train/GEN/GEN_031_Verse_022.mp3,"Laban fɔ ŋdi kanya, gbugbɔ nu na viawo kple eƒe tɔgbuiyɔviawo, yra wo, eye wòtrɔ yi wo de." data/train/GEN/GEN_002_Verse_000.mp3,"Ale ame la na ŋkɔ nu gbagbeawo, aƒemelãwo, dziƒoxeviwo kple gbemelãwo katã. Ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ o." data/train/GEN/GEN_010_Verse_025.mp3,"Vi eve nɔ Eber si: woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama,” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo." data/train/GEN/GEN_045_Verse_028.mp3,"“Ɛ̃, Mawue ɖom ɖe afi sia, menye miawoe o. Ewɔm aɖaŋuɖolae na Farao, eye wòna mezu dzikpɔla na dukɔ la katã kple Egiptenyigba blibo la dzi ɖula." data/train/GEN/GEN_020_Verse_009.mp3,"Eye Abimelek bia Abraham be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?”" data/train/GEN/GEN_030_Verse_004.mp3,"efɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Yakob." data/train/GEN/GEN_021_Verse_013.mp3,"Esi tsia vɔ la, etsɔ ɖevi la mlɔ ati kpɔyɔe aɖe te," data/train/GEN/GEN_026_Verse_018.mp3,"Gbe ɖeka la, Isak xɔ amedzro aɖewo tso Gerar. Ame siawo nye Fia Abimelek kple eƒe aɖaŋudela Ahuzat kple eƒe aʋafia Pixol." data/train/GEN/GEN_009_Verse_010.mp3,"Eyi edzi be, “Woayra Yehowa, Sem ƒe Mawu. Kanaan nazu kluvi na Sem." data/train/GEN/GEN_037_Verse_012.mp3,"Israel dze eƒe awuwo, ta akpanya, eye wòfa konyi le via ƒe ku ta kɔsiɖa geɖewo." data/train/GEN/GEN_024_Verse_031.mp3,"“Eɖo eŋu nam be, ‘Ɖetugbi la alɔ̃ be yeava, elabena Yehowa, ame si ŋkume mezɔ le la ana eƒe dɔla nazɔ kple wò, eye wòana nu si ta nèyi la naka asiwò. Ɛ̃, di ɖetugbi aɖe tso nye amewo dome, tso nɔvinyeŋutsua ƒe aƒemetɔwo dome." data/train/GEN/GEN_036_Verse_001.mp3,"Ame siawo nye Esau alo Edom ƒe viŋutsuwo, eye ame siawoe nye woƒe fiawo." data/train/GEN/GEN_005_Verse_025.mp3,"Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo. Eyɔ wo tso gɔmedzedzea be “Ame.”" data/train/GEN/GEN_026_Verse_019.mp3,"Isak bia wo be, “Nu ka ta mieva gbɔnye ɖo? Esi mienyam le miaƒe anyigba dzi ɖe madzɔmadzɔ dzi ɖe, nu ka wɔ ge mieva.”" data/train/GEN/GEN_001_Verse_003.mp3,"Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke enelia." data/train/GEN/GEN_032_Verse_025.mp3,Yakob dɔ amewo ɖe foa Esau gbɔ le Edom le Seirnyigba dzi. data/train/GEN/GEN_017_Verse_008.mp3,"eye Via ŋutsuvi, Ismael, xɔ ƒe wuietɔ̃ hafi wotso aʋa nɛ." data/train/GEN/GEN_002_Verse_024.mp3,Yehowa Mawu tsɔ ame la da ɖe Edenbɔ la me abe abɔdzikpɔla ene. data/train/GEN/GEN_036_Verse_032.mp3,"Korah, Gatam kple Amalek. Ame siawo nye fia siwo dzɔ tso Elifaz me le Edom. Wonye Ada ƒe mamayɔviwo." data/train/GEN/GEN_029_Verse_003.mp3,"Ale Yakob subɔ ƒe adre ɖe Rahel ta. Ke ƒe adreawo ɖi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko le eŋkume, elabena elɔ̃ Rahel ŋutɔ." data/train/GEN/GEN_026_Verse_011.mp3,"Eya ta Isak na ŋkɔ vudo la be, “Atamvudo.” Eya ta woyɔa du si wotso ɖe afi ma la be Beerseba va se ɖe egbe." data/train/GEN/GEN_013_Verse_002.mp3,"Ale Abram ho eƒe agbadɔ, eye wòyi ati gã siwo le Mamre la gbɔ, teƒe si te ɖe Hebron ŋu, eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afi ma." data/train/GEN/GEN_041_Verse_011.mp3,"Egayi alɔ̃ me kaba, eye wògaku drɔ̃e bubu. Azɔ ya la, ekpɔ bli adre siwo ʋã nyuie la le bliti ɖeka dzi." data/train/GEN/GEN_027_Verse_043.mp3,"Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wòli asi eŋu. Isak gblɔ na eɖokui be, “Gbe la nye Yakob tɔ, gake asiawo nye Esau tɔ!”" data/train/GEN/GEN_045_Verse_011.mp3,"Gblɔ na nɔviwòwo be woatsɔ tasiaɖamwo tso Egipte be woakɔ wo srɔ̃wo kple ɖeviwo, eye woakplɔ wo fofo va afi sia." data/train/GEN/GEN_012_Verse_013.mp3,"Le esia megbe la, Abram dzo le afi sia, eye wòɖo ta anyigbeme lɔƒo, heyi tonyigba si le Betel le ɣetoɖoƒe kple Ai le ɣedzeƒe la dome. Etu agbadɔ kple vɔsamlekpui ɖe afi sia, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa." data/train/GEN/GEN_035_Verse_009.mp3,"Etsɔ eƒe gbɔgbɔ na, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔ. Enɔ agbe wòde edeƒe, eye via ŋutsuwo, Esau kple Yakob ɖii." data/train/GEN/GEN_029_Verse_034.mp3,"Yakob te ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye wòbia wo be, “Nɔvinyewo, afi ka míetso?” Woɖo eŋu be, “Míetso Haran.”" data/train/GEN/GEN_047_Verse_014.mp3,Eya ta Yosef wɔe wòzu se le Egiptenyigba blibo la dzi va se ɖe egbegbe be woadzɔ agblemenukuwo katã ƒe akpa atɔ̃lia na Farao. Nuku siwo woƒã ɖe nunɔlawo ƒe anyigba dzi la koe mele eme o. data/train/GEN/GEN_026_Verse_015.mp3,"Eƒe lãhawo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye subɔla geɖewo hã nɔ esi. Ale Filistitɔwo de asi ŋuʋaʋãe me." data/train/GEN/GEN_048_Verse_010.mp3,"Israel gblɔ na Yosef be, “Nyemebu tsã be magakpɔ wò o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwòwo hã.”" data/train/GEN/GEN_021_Verse_007.mp3,"Abraham ɖo eŋu be, “Esiae nye nye nunana na wò be wòanye kpeɖodzi le amewo ŋkume be nyee ɖe vudo sia.”" data/train/GEN/GEN_031_Verse_024.mp3,"Laban gblɔ na Yakob be, “Kpekɔ sia le afi sia, eye sɔti sia si metu ɖe nye kpli wò dome la hã le afi sia." data/train/GEN/GEN_012_Verse_009.mp3,"Ke esi wògogo Egipte la, egblɔ na Sarai be wòagblɔ na ame sia ame be ye nɔvinyɔnue yenye! “Èdze tugbe ŋutɔ." data/train/OBA/OBA_001_Verse_020.mp3,"“Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe na dukɔwo katã. Ale si miewɔ Israel la, nenema kee woawɔ miawo hãe. Miaƒe nu vɔ̃ siwo miewɔ la atrɔ ava miaƒe tawo dzi." data/train/OBA/OBA_001_Verse_000.mp3,"Abe ale si mienoe le nye to kɔkɔe la dzi ene la, nenema ke dukɔ bubuwo hã anoe tegbee; woanoe, aganoe eye wòanɔ abe ɖe dukɔ mawo menɔ anyi kpɔ o ene." data/train/OBA/OBA_001_Verse_015.mp3,"“Ne fiafitɔwo va fi wò, eye adzodalawo va dze dziwò le zã me hefi wò nuwo ɖe, womagblẽ nanewo ɖi na wò oa? O, gbegblẽ gã ka wòanye anɔ lalawòm! Ne waintsetsefilawo hã va wò waingble me ɖe, ɖe womagblẽ ʋɛ aɖewo ɖi na wò o mahã?" data/train/OBA/OBA_001_Verse_003.mp3,"Azɔ dziehetɔwo atrɔ ava nɔ Esau ƒe towo dzi, ame siwo le Yuda ƒe balimenyigba dzi la axɔ Filistitɔwo ƒe anyigba le wo si eye Efraim kple Samaria azu wo tɔ. Ke Benyamin axɔ Gilead wòazu etɔ." data/train/OBA/OBA_001_Verse_009.mp3,"Ke woalɔ Esau ya ƒiaƒiaƒia, woagblẽ eƒe kesinɔnu siwo wòdzra ɖo la katã dome." data/train/OBA/OBA_001_Verse_011.mp3,"“Le ŋkeke ma dzi la, matsrɔ̃ nunyala siwo katã le Edom eye maɖe ame siwo si gɔmesese le la ɖa le Esau ƒe towo dzi.” Yehowae gblɔe." data/train/OBA/OBA_001_Verse_001.mp3,"Ame siwo le dziwò la, anya wò ɖe nu va se ɖe wò liƒowo dzi ke, xɔ̃wòwo able wò eye woaɖu dziwò. Ame siwo ɖua wò abolo la, atre mɔ na wò, ke mànyae be mɔ le afi ma o." data/train/OBA/OBA_001_Verse_013.mp3,Migatsi tsitre ɖe mɔdzevewo nu be miawu woƒe aʋasilawo alo miatsɔ woƒe ame siwo susɔ la de asi le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o. data/train/OBA/OBA_001_Verse_014.mp3,"Ne èdzo yi dzi ʋĩi abe hɔ̃ ene eye nèwɔ atɔ ɖe ɣletiviwo dome hã la, matutu wò aƒu anyi tso afi ma.” Yehowae gblɔe." data/train/OBA/OBA_001_Verse_006.mp3,"Gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe nɔviwòa dzi la, mele be wòazu ŋunyɔnu na wò o alo nàkpɔ dzidzɔ gbe si gbe wogbã Yuda gudugudu alo aƒo adegbe le gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e va wo dzi ŋu o." data/train/OBA/OBA_001_Verse_012.mp3,"Migage ɖe nye amewo ƒe agbowo me le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o, migado vlo wo le woƒe gbegblẽ me, le woƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la dzi o eye migaxɔ woƒe kesinɔnuwo le wo si le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o." data/train/OBA/OBA_001_Verse_002.mp3,"Asrafo kalẽtɔ gãtɔ kekeake le Teman hã azu vɔvɔ̃nɔtɔ eye ame sia ame si le Esau ƒe towo dzi la, atsi yi nu." data/train/OBA/OBA_001_Verse_004.mp3,"“Edom, kpɔ ɖa, mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome eye maɖi gbɔ̃ wò vevie." data/train/OBA/OBA_001_Verse_019.mp3,"Yakob ƒe aƒe anye dzo, Yosef ƒe aƒe anye dzo ƒe aɖe eye Esau anye gbe ƒuƒu. Woatɔ dzoe eye wòabi keŋkeŋ. Ame aɖeke matsi agbe le Esau ƒe aƒe me o.” Yehowae gblɔe." data/train/OBA/OBA_001_Verse_010.mp3,"Le esi nèsẽ ŋuta le nɔviwò Yakob ŋuti ta la, ŋukpe alé wò eye woatsrɔ̃ wò gbidii." data/train/OBA/OBA_001_Verse_005.mp3,Ènɔ tsitre nɔ nu kpɔm esi amedzrowo va lɔ eƒe kesinɔnuwo eye dzronyigbadzitɔwo ge ɖe eƒe agbowo me hedzidze nu ɖe Yerusalem dzi. Wò hã èle abe wo dometɔ ɖeka ene. data/train/OBA/OBA_001_Verse_017.mp3,"Wò dzi ble wò, eye nèdana elabena èle agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Ègblɔ le wò dzi me be: ‘Ame kae ate ŋu atutum aƒu agame?’" data/train/OBA/OBA_001_Verse_007.mp3,Israelvi siwo le aboyo me le Kanaan la axɔ anyigba va se ɖe Zarefat ke; Yerusalemtɔ siwo le aboyo me le Sefarat la ava xɔ du siwo le Negeb. data/train/OBA/OBA_001_Verse_008.mp3,Ka ɖeɖe anɔ Zion to dzi eye wòanye kɔkɔeƒe. Yakob ƒe aƒe agaxɔ eƒe domenyinu. data/train/EXO/EXO_014_Verse_014.mp3,"“Gblɔ na Israelviwo be woatrɔ aɖo ta Pi Hahirɔt, le Migdol kple atsiaƒu la dome le Baal Zefon ŋgɔ, eye woaƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la nu," data/train/EXO/EXO_038_Verse_001.mp3,"Akɔbli si wokpɔ tso nunyevɔsa me la le “tɔn” eve kple afã," data/train/EXO/EXO_022_Verse_013.mp3,"“Le go ɖe sia ɖe si me ne nyi, tedzi, alẽ, awu, avɔ alo nu bubu aɖe bu, eye nutɔ xɔe se be yekpɔe le ame bubu aɖe si eye amea sẽ nu la, ame eve siawo ado ɖe Mawu ŋkume be Mawu natso nya me. Ame si Mawu bu fɔe la axe nu bubu la ƒe fe teƒe eve na ame evelia." data/train/EXO/EXO_008_Verse_011.mp3,"Farao ɖo eŋu be, “Enyo, maɖe mɔ na mi be miayi aɖasa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la, gake migayi didiƒe sãa o. Azɔ la, miɖe abla miaɖe kuku na miaƒe Mawu la ɖe tanye.”" data/train/EXO/EXO_040_Verse_030.mp3,"Ne lilikpo la ho, eye wòɖe zɔ la, Israelviwo yia mɔzɔzɔ la dzi, dzea eyome." data/train/EXO/EXO_037_Verse_026.mp3,"Wotsɔ akasiati kpa kpo didiawo, eye wofa sika ɖe wo ŋu." data/train/EXO/EXO_023_Verse_020.mp3,"“Mègasubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawu alo asa vɔ na wo le mɔ aɖeke nu o, eye mègadze trɔ̃subɔdukɔ siawo ƒe kpɔɖeŋu vɔ̃ɖiwo yome o. Ele na wò be nàɖu wo dzi, eye nàgbã woƒe legbawo." data/train/EXO/EXO_029_Verse_025.mp3,"Me avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe ŋkeke adre be nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu na Mawu. Le esia megbe la, vɔsamlekpui la azu kɔkɔe, nu sia nu si aka eŋu la hã azu kɔkɔe, eye ame siwo le kɔkɔe la koe aka asi eŋu.”" data/train/EXO/EXO_020_Verse_020.mp3,"Mose gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, elabena Mawu va le nɔnɔme sia me be yeaɖe yeƒe ŋusẽ dziŋɔ la afia mi, ale be tso azɔ dzi yina la, miagawɔ nu vɔ̃ o.”" data/train/EXO/EXO_028_Verse_038.mp3,"“Wɔ awu ʋlayawo, alidziblanuwo kple tablanuwo na Aron ƒe viŋutsuwo be woade bubu wo ŋu." data/train/EXO/EXO_024_Verse_014.mp3,"Togbɔ be Israel ƒe ametsitsiwo kpɔ Mawu hã la, metsrɔ̃ wo o. Emegbe la, woɖu nu kple wo nɔewo le eŋkume." data/train/EXO/EXO_012_Verse_028.mp3,Mele be amɔʋãtike aɖeke nanɔ miaƒe aƒewo me le ŋkeke adre siawo me o. Woaɖe ame sia ame si aɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã le ɣeyiɣi sia me la le Israelviwo ƒe hame. Ele be amedzro siwo le mia dome kple dzɔleaƒeawo siaa nalé se sia me ɖe asi. data/train/EXO/EXO_012_Verse_024.mp3,"Le zã ma me, le zãtitina tututu la, Yehowa wu ŋutsuvi gbãtɔwo le Egiptenyigba la dzi, tso Farao ƒe viŋutsuvi gbãtɔ si le eƒe zi dzi la dzi va se ɖe gaxɔmenɔla ƒe viŋutsuvi gbãtɔ dzi. Ewu lãwo ƒe vi siwo nye atsu la ƒe gbãtɔwo hã." data/train/EXO/EXO_010_Verse_005.mp3,"Farao blu ɖe Mose ta be, “Bu le afi sia kaba! Mègana makpɔ wò mo azɔ gbeɖegbeɖe o. Gbe si gbe nàgado ɖe nye ŋkume la, ku kee nàku.”" data/train/EXO/EXO_024_Verse_003.mp3,Israelvi siwo nɔ to la te la kpɔ nu dziŋɔ sia teƒe. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze na wo le toa tame abe dzo bibi ene. data/train/EXO/EXO_025_Verse_018.mp3,"Mado go wò le afi ma, aƒo nu kpli wò le amenuvevezikpui la tame, le kerubi eve siwo le nubablaɖaka tame la dome, eye matsɔ nubablakpe siwo dzi meŋlɔ nye sededewo na Israelviwo ɖo la na wò." data/train/EXO/EXO_016_Verse_029.mp3,"Mose gblɔ na wo be, “Migana ŋu nake ɖe wo dzi o.”" data/train/EXO/EXO_009_Verse_029.mp3,"Yehowa gagblɔ na Mose be, “Fia asi dziƒo, eye nàna kpetsi la nadza le Egiptenyigba blibo la dzi, ɖe amewo, atiwo kple lãwo siaa dzi.”" data/train/EXO/EXO_025_Verse_031.mp3,"Tsɔ sika nyuitɔ wɔ ɖovulãnuwo, eye nàtsɔ eya ke awɔ agba vi siwo me woada wo ɖo la." data/train/EXO/EXO_020_Verse_005.mp3,"Ke ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mele be wò ŋutɔ, viwò ŋutsu alo viwò nyɔnu, wò kluvi alo wò kosi, wò nyi alo wò amedzro gɔ̃ hã nawɔ dɔ aɖeke ƒomevi gbe ma gbe o," data/train/EXO/EXO_021_Verse_017.mp3,"“Ne ame aɖe ƒe nyitsu tu dzo ame bubu ƒe nyitsu wòku la, ekema nyitɔ eveawo adzra nyi gbagbe la, ama ga la, eye woama nyi kuku la hã ƒe lã sɔsɔe." data/train/EXO/EXO_012_Verse_001.mp3,Abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko woaɖu tso ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ va se ɖe ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe fiẽ. data/train/EXO/EXO_006_Verse_023.mp3,"Mose gblɔ nya siawo na Israelviwo, ke womeɖo toe o, le woƒe dziɖeleameƒo kple ŋutasesẽ kple kluvimenɔnɔ ta." data/train/EXO/EXO_008_Verse_007.mp3,elabena made vovototo wò amewo kple nye amewo dome. Dzesidede siawo katã ava eme etsɔ.’ ” data/train/EXO/EXO_019_Verse_015.mp3,‘Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ Egiptetɔwo kple ale si mekplɔ mi va ɖokuinye gbɔ abe ɖe metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋalãwo dzi ene. data/train/EXO/EXO_003_Verse_014.mp3,"Mele ŋugbe dom be maɖe mi tso miaƒe fukpekpewo me le Egipte, eye makplɔ mi ayi anyigba si dzi Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia la dzi, anyigba si dzi anyitsi kple notsi bɔ ɖo.’" data/train/EXO/EXO_034_Verse_021.mp3,"“Miɖɔ ŋu ɖo be miagawɔ nubabla aɖeke tɔgbi kple ame siwo le anyigba la dzi o. Mawu geɖewo subɔlawo wonye, eya ta ne miewɔ ɖeka kpli wo la, woakpe mi ayi woƒe legbawo subɔƒe, eye míaɖu woƒe vɔsanuwo." data/train/EXO/EXO_014_Verse_017.mp3,"Ke Mose ɖo eŋu na wo be, “Migavɔ̃ o, minɔ te ɖe afi si miele la ko, milé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye miakpɔ nukumɔ si dzi Yehowa aɖe mi toe egbe la ɖa. Egiptetɔ siwo kpɔm miele fifia la, miagakpɔ wo akpɔ o." data/train/EXO/EXO_009_Verse_000.mp3,"Akunyawɔlawo mete ŋu tɔ ɖe Mose ŋkume o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te Egiptetɔwo katã." data/train/EXO/EXO_029_Verse_013.mp3,"Emegbe nàɖe ami si le nyitsu la ƒe dɔmenuwo ŋu. Ɖe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu, eye nàtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi." data/train/EXO/EXO_023_Verse_031.mp3,"Nyemawɔ esiawo katã le ƒe ɖeka me o. Ne menye nenema o la, anyigba la ava zu gbedadaƒo, eye lã wɔadãwo ava sɔ gbɔ akpa." data/train/EXO/EXO_032_Verse_029.mp3,"Tete Yehowa na dɔvɔ̃ dze ameawo dzi, elabena wosubɔ Aron ƒe sikanyivilegba la." data/train/EXO/EXO_012_Verse_031.mp3,"miaɖo eŋu be, ‘Enye Yehowa ƒe mía ŋuti toto ƒe vɔsa, elabena eto Israelviwo ƒe aƒewo ŋuti, eye wòwu Egiptetɔwo.’ ” Ameawo katã de ta agu, eye wosubɔ Mawu." data/train/EXO/EXO_040_Verse_010.mp3,"Emegbe la, kɔ kplɔ̃ la da ɖe eme, nàkɔ kplɔ̃a ŋutinuwo da ɖe kplɔ̃ la dzi, nàtsɔ akaɖiti la de eme, eye nàsi akaɖiawo." data/train/EXO/EXO_016_Verse_004.mp3,"Ale Mose gblɔ na Aron be, “Tsɔ ze aɖe, eye nàdzidze mana lita ɖeka akɔ ɖe eme. Ekema, nàtsɔe ɖo Yehowa ŋkume be woadzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ.”" data/train/EXO/EXO_003_Verse_018.mp3,"Nyɔnu ɖe sia ɖe axɔ klosalo, sikanuwo kple avɔ nyuiwo le eƒe amegã, Egiptetɔ, srɔ̃a kple eŋumewo si. Miado Egiptetɔwo ƒe nu nyuitɔwo kekeake na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo! Ale miaha Egiptetɔwo.”" data/train/EXO/EXO_028_Verse_036.mp3,Woatsɔ ka blɔtɔ atsi sikanu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu. data/train/EXO/EXO_034_Verse_012.mp3,"Ke Mose yɔ wo. Aron kple ameha la ƒe kplɔlawo te ɖe eŋu, eye woƒo nu kplii." data/train/EXO/EXO_022_Verse_026.mp3,"Ne mieba wo le mɔ aɖe nu, eye wodo ɣli bia nye kpekpeɖeŋu la, makpe ɖe wo ŋu godoo." data/train/EXO/EXO_030_Verse_013.mp3,Kɔ wo ŋu woazu kɔkɔe; nu sia nu si aka wo ŋu la azu kɔkɔe na Mawu. data/train/EXO/EXO_003_Verse_020.mp3,"Yehowa gblɔ nɛ be, “Mekpɔ nye amewo ƒe fukpekpe le Egipte, mese woƒe avifafa le woƒe dɔnunɔlawo ƒe ŋutasesẽ ta. Metsɔ ɖe le woƒe fukpekpe la me," data/train/EXO/EXO_023_Verse_003.mp3,"Fu mage le nyɔnuwo ƒo o, kotsitsi manɔ anyigba blibo la dzi o, eye ànɔ agbe ŋkeke ale si meɖo na wò." data/train/EXO/EXO_030_Verse_000.mp3,‘akasea’ kilogram ade kple ami lita ene le kɔkɔeƒe la ƒe dzidzenu nu. data/train/EXO/EXO_030_Verse_025.mp3,"Woawɔ vɔsamlekpui la kɔtiwo kple akasiati, eye woafa sika ɖe wo ŋu." data/train/EXO/EXO_037_Verse_001.mp3,"Efa sika nyuitɔ ɖe eŋuti keŋ, eye wòɖo atsyɔ̃ na eto kple sika." data/train/EXO/EXO_036_Verse_029.mp3,Wotu sɔti ade ɖe agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe. data/train/EXO/EXO_009_Verse_001.mp3,"Ale Farao ƒe dzi me gasẽ, eye wògbe asiɖeɖe le Israelviwo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe to Mose dzi ene." data/train/EXO/EXO_040_Verse_037.mp3,"Ɣe sia ɣi si woato vɔsamlekpui la ŋu be yewoage ɖe agbadɔ la me la, wotɔna, klɔa asi kple afɔ, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene." data/train/EXO/EXO_022_Verse_014.mp3,“Mègado vlo wò Mawu o eye mègaƒo fi de wò dukɔ ƒe kplɔlawo o. data/train/EXO/EXO_039_Verse_024.mp3,"Wode ka abɔta na kɔmewu la, eye woku wo ɖe kɔmewu la ƒe dzogoe eve ŋuti ale be woate ŋu asae." data/train/EXO/EXO_002_Verse_007.mp3,"Fiavinyɔnu la gblɔ na vidzĩa dadaa be, “Kɔ vidzĩ sia yi aƒe me, na noe nam, eye maxe fe si adze ŋuwò la na wò!” Ale vidzĩ la dada kɔe yi aƒe me, eye wòkpɔ edzi nyuie." data/train/EXO/EXO_022_Verse_000.mp3,"ekema lã la dzi kpɔla aka atam na Yehowa be menye yee fii o. Ele na nutɔ la be wòaxɔ atamkaka sia, eye teƒeɖoɖo aɖeke manɔ anyi o." data/train/EXO/EXO_025_Verse_038.mp3,"Wɔ sikasigɛ ene na kplɔ̃ la, eye nàklã wo ɖe kplɔ̃ la ƒe axa eneawo dzi, woate ɖe afɔti eneawo ŋu." data/train/EXO/EXO_027_Verse_002.mp3,Avɔ si didi mita ade kple afã la nanɔ akpa ɖeka na mɔnu la. Woatsi avɔ la ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu. data/train/EXO/EXO_008_Verse_027.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si. Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm." data/train/EXO/EXO_032_Verse_006.mp3,"Azɔ la, yi eye nàkplɔ nye ameawo ayi teƒe si ƒe nya megblɔ na wò. Meka ɖe edzi na wò be nye Dɔla anɔ ŋgɔ na mi. Ke ne meva be makpɔ ameawo ɖa la, mahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.”" data/train/EXO/EXO_004_Verse_025.mp3,"Yehowa gagblɔ nɛ be, “Gatsɔ wò asi de wò axatome.” Esi wògawɔ esia, eye wògaɖe asi ɖa la, dɔvɔ̃ɖi la bu le eŋu; eƒe asi ganɔ abe tsã ene!" data/train/EXO/EXO_007_Verse_020.mp3,Woawo hã ƒe atikplɔwo trɔ zu dawo esi wotsɔ wo da ɖe anyigba. Ke Aron ƒe atikplɔ lé woƒe atikplɔwo mi. data/train/EXO/EXO_015_Verse_009.mp3,"Futɔ la gblɔ dadatɔe be, ‘Mati wo yome, matu wo, mama woƒe afunyinuwo. Mana nye didi ɖe wo ŋuti nava eme. Maɖe nye yi tso aku me, eye nye asi atsrɔ̃ wo.’" data/train/EXO/EXO_008_Verse_013.mp3,"“ ‘Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi," data/train/EXO/EXO_033_Verse_008.mp3,"Mose gblɔ na Yehowa le agbadɔ la me be, “Ègblɔna nam be, ‘Kplɔ dukɔ sia yi Ŋugbedodonyigba la dzi.’ Ke mègblɔ ame si nàɖo ɖa kplim la nam o. Ègblɔ be yenyam kple nye ŋkɔ, eye yeƒe amenuveve la li kplim." data/train/EXO/EXO_012_Verse_007.mp3,"Egiptetɔwo ƒo du ɖe Israelviwo nu be woadzo le anyigba la dzi kaba, abe ale si woate ŋui ene, elabena wogblɔ be, “Ne menye nenema o la, mí katã míele kuku ge.”" data/train/EXO/EXO_029_Verse_007.mp3,"Ele be Israelviwo nadzɔ woƒe vɔsalãwo ƒe akpa siawo ɣe sia ɣi, nenye ŋutifafavɔsa loo alo akpedavɔsa abe woƒe vɔsa na Yehowa ene." data/train/EXO/EXO_035_Verse_029.mp3,"nunɔlawo ƒe awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la.”" data/train/EXO/EXO_038_Verse_002.mp3,Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo katã. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Wotsɔ klosalo wɔ heléti siwo ŋu wotsi avɔ la ɖo. data/train/EXO/EXO_010_Verse_015.mp3,"Míagblẽ lã aɖeke ɖi o, eye lã aɖeke ƒe afɔkli gɔ̃ hã matsi anyi o, elabena ele be míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la, eye míate ŋu anya lã siwo wòatia o, va se ɖe esime míaɖo afi ma.”" data/train/EXO/EXO_030_Verse_023.mp3,"“Tsɔe si ami na Aron kple via ŋutsuwo, eye nàkɔ wo ŋu hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ nam abe nunɔlawo ene." data/train/EXO/EXO_019_Verse_006.mp3,"Ele na nunɔla siwo ate ɖe Yehowa ŋu gɔ̃ hã be woakɔ wo ɖokuiwo ŋuti; ne menye nenema o la, Yehowa atsrɔ̃ wo.”" data/train/EXO/EXO_040_Verse_029.mp3,"Mose mete ŋu ge ɖe eme o, elabena lilikpo la nɔ afi ma, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ agbadɔ la me fũu." data/train/EXO/EXO_002_Verse_020.mp3,"Wodzi ŋutsuvi ɖeka si wona ŋkɔe be Gersom si gɔmee nye “Amedzro,” elabena Mose gblɔ be, “Amedzroe menye le dzronyigba dzi.”" data/train/EXO/EXO_024_Verse_009.mp3,"Mose kɔ vɔsalã siawo ƒe ʋu ƒe afã ɖe zewo me, eye wòhlẽ afã mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu." data/train/EXO/EXO_035_Verse_010.mp3,"Ate ŋu atsɔ sika, klosalo kple akɔbli awɔ nu siwo nya kpɔ lae." data/train/EXO/EXO_029_Verse_033.mp3,"Tsɔ ami kɔkɔe la, eye nàsi ami ɖe ta nɛ." data/train/EXO/EXO_035_Verse_027.mp3,"nubablaɖaka la kple ati siwo woatsɔ akɔe, nubablaɖaka la ƒe nutuvi, Xɔmetsovɔ si ƒo xlã Kɔkɔeƒe la," data/train/EXO/EXO_012_Verse_005.mp3,"Ale si mianɔ hafi aɖui nye esi: mido miaƒe awuwo, miabla wo dzi kple alidziblaka. Mido miaƒe atokotawo ɖe afɔ, eye mialé miaƒe atizɔtiwo ɖe asi. Miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkeke wònye." data/train/EXO/EXO_008_Verse_006.mp3,"Aron wɔ nu sia, eye akpɔkplɔwo xɔ anyigba blibo la dzi." data/train/EXO/EXO_004_Verse_022.mp3,"Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Enyo, nɔviwò Aron, Levitɔ la, ƒoa nu nyuie, egbɔna ava di wò le afi sia. Akpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne ekpɔ wò," data/train/EXO/EXO_029_Verse_039.mp3,"Tɔ dzo lã blibo la ɖe vɔsamlekpui la dzi. Numevɔsae wònye na Yehowa, eye wòdzea eŋu ŋutɔ." data/train/EXO/EXO_015_Verse_015.mp3,"“Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.”" data/train/EXO/EXO_016_Verse_030.mp3,"Mose gblɔ na wo be, “Yehowa tɔ asi etsɔ dzi be wòanye dzudzɔgbe, wòanye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, eye wòle be míadzudzɔ tso míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me, eya ta miɖa nu wòasɔ gbɔ abe ale si miedi ene egbe, eye midzra esi asusɔ la ɖo ŋu nake ɖe edzi.”" data/train/EXO/EXO_013_Verse_000.mp3,"Ale Mawu kplɔ wo to gbegbemɔ la dzi ɖo ta Ƒu Dzĩ la nu. Israelviwo ʋu tso Egipte, nɔ akpababla me hena aʋawɔwɔ." data/train/EXO/EXO_031_Verse_002.mp3,"Enya ale si woatsɔ kpe xɔasiwo awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe." data/train/EXO/EXO_015_Verse_017.mp3,"“O, Yehowa, ame kae le abe wò ene le mawuwo dome? Ame kae le abe wò ene le kɔkɔenyenye kɔkɔtɔ me, le ŋutikɔkɔe ƒe ŋɔdzi me, eye wòwɔa nukudɔwo?" data/train/EXO/EXO_010_Verse_006.mp3,"Farao yi edzi be, “Yehowa naɖi na mi, nyemaɖe asi le mia kple mia viwo ŋu miayi o. Eme kɔ ƒãa be nu gbegblẽ aɖee mieɖo ɖe ta me." data/train/EXO/EXO_019_Verse_005.mp3,"Ekema ŋkeke etɔ̃a gbe la, maɖi tso Sinai to la dzi le ame sia ame ŋkume." data/train/EXO/EXO_006_Verse_022.mp3,"Meɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ene, ke nye ŋkɔ, Yehowa la, nyemeyɔe na wo o." data/train/EXO/EXO_029_Verse_002.mp3,Ame sia ame si ava nye nunɔlagã le Aron megbe la ado awu siawo ŋkeke adre hafi ade asi subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me le agbadɔ la me kple Kɔkɔeƒe la siaa. data/train/EXO/EXO_016_Verse_014.mp3,"eye esi xexeme kɔ ŋdi la, nu ɣi nogonogoewo nɔ anyigba abe kpetsi ene." data/train/EXO/EXO_012_Verse_015.mp3,"Gbe ma gbe kee Yehowa kplɔ Israelviwo do goe tso Egiptenyigba dzi, le woƒe to vovovoawo me." data/train/EXO/EXO_010_Verse_028.mp3,"Ʋetsuviawo xɔ anyigba la dzi tso liƒo dzi yi liƒo dzi. Esiae nye ʋetsuviwo ƒe vava vɔ̃ɖitɔ le Egipte ƒe ŋutinya blibo la me, eye etɔgbi magava akpɔ o," data/train/EXO/EXO_034_Verse_025.mp3,"Ne eyina agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Yehowa la, eɖea motsyɔvɔ la ɖa va se ɖe esime wòado go. Ekema agblɔ se siwo katã Mawu de nɛ la na Israelviwo," data/train/EXO/EXO_032_Verse_034.mp3,"Ɖo ŋku wò ŋutɔ wò ŋugbe si nèdo na wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Israel la dzi, elabena ètsɔ wò ŋutɔ wò ŋkɔ ka atam be, ‘Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã si ŋugbe medo la ana miaƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.’ ”" data/train/EXO/EXO_034_Verse_008.mp3,"Eye ne míeɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo la, wo srɔ̃wo akplɔ wo ayi woƒe legbawo subɔƒewo, eye mia viŋutsuawo hã ada vo ɖe ŋunye to wo srɔ̃wo ƒe mawuawo subɔsubɔ me." data/train/EXO/EXO_029_Verse_036.mp3,"Tsɔ wò asibidɛ de eƒe ʋu me, sisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu, eye nàkɔ ʋu mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te." data/train/EXO/EXO_011_Verse_008.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose do ŋgɔ be, “Farao maɖo to wò o. Nu sia ana mɔnukpɔkpɔm be mawɔ nukunu gãwo atsɔ aɖe nye ŋusẽ afia le Egipte.”" data/train/EXO/EXO_004_Verse_000.mp3,Ale Mose kple Aron wotrɔ va Egipte. Wowɔ takpekpe kple Israel ƒe dumegãwo. data/train/EXO/EXO_021_Verse_014.mp3,"Ke ne ƒometɔwo lɔ̃ la, woaxe fe si dzi ʋɔnudrɔ̃lawo alɔ̃ ɖo, ekema womagawu nyitɔ la o." data/train/EXO/EXO_032_Verse_016.mp3,"Etsɔ sikanyivilegba la, eye wòdee dzo me wòlolo. Esi sika la fa la, etui memie wòzu wɔ. Etsɔ wɔ la kɔ ɖe tsi me hena Israelviwo wono." data/train/EXO/EXO_026_Verse_023.mp3,"Tsɔ kplɔ̃ la da ɖe xɔmetsovɔ la godo le agbadɔ la ƒe anyiehe gome, eye akaɖiti la nadze ŋgɔe le dziehe gome." data/train/EXO/EXO_040_Verse_033.mp3,"“Tsɔ ami sisi la, eye nàhlẽe ɖe agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋuti, ɖe nu siwo ŋu dɔ woawɔ kple agbadɔ la ƒe akpawo kple xɔmenuawo ŋuti be nàkɔ wo ŋuti, eye wo ŋuti nakɔ." data/train/EXO/EXO_008_Verse_016.mp3,"Ke fifia gɔ̃ hã la, Farao gasẽ dzi me, eye melɔ̃ be yeaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o." data/train/EXO/EXO_013_Verse_021.mp3,"Ŋkeke sia ɖuɖu anɔ na mi abe dzesi ene le miaƒe asiwo kple ŋkuɖodzinu le miaƒe ŋgonu, ale be Yehowa ƒe se la anɔ miaƒe nu me, elabena Yehowa kplɔ mi do goe le Egipte kple asi sesẽ." data/train/EXO/EXO_018_Verse_009.mp3,"Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.”" data/train/EXO/EXO_030_Verse_021.mp3,"“Tsɔ akɔbli wɔ gagbɛ aɖe kple eƒe zɔ hena ŋutikɔklɔ. Tsɔe da ɖe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàkɔ tsi ɖe eme." data/train/EXO/EXO_031_Verse_018.mp3,"Ŋutete blibo le eŋu hena nuwo wɔwɔ kple sika, klosalo kple akɔbli." data/train/EXO/EXO_040_Verse_017.mp3,"eye nàsi ami na wo abe ale si nàsii na wo fofo ene, ale be woasubɔm abe nunɔlawo ene. Ami sisi sia atsi wo ŋu tegbetegbe, tso mavɔ me yi mavɔ me: wo viwo katã kple wo viwo ƒe viwo azu nunɔlawo nam tegbetegbe.”" data/train/EXO/EXO_037_Verse_018.mp3,"Le esiawo megbe la, etsɔ atike ʋeʋĩwo wɔ ami kɔkɔe si woasi na nunɔlawo. Egawɔ dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene." data/train/EXO/EXO_006_Verse_028.mp3,"Yehowa gaƒo nu na Mose, gblɔ nɛ bena," data/train/EXO/EXO_026_Verse_015.mp3,Tsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ eneawo ŋu. Tsɔ Aɖaka si me kpe siwo dzi woŋlɔ Mawu ƒe seawo ɖo la da ɖe xɔmetsovɔ sia megbe. Xɔmetsovɔ la ama Kɔkɔeƒe la ɖa tso Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la gbɔ. data/train/EXO/EXO_009_Verse_008.mp3,"ekema Yehowa ƒe asi ahe dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe ava miaƒe lãha siwo le gbedzi la dzi, ava miaƒe sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo kple gbɔ̃wo siaa dzi." data/train/EXO/EXO_033_Verse_018.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be wòagblɔ na Israelviawo be, “Mienye aglãdzelawo kple kɔlialiatɔwo. Ne menɔ mia dome aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ gɔ̃ hã la, matsrɔ̃ mi. Miɖe miaƒe sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo da ɖi va se ɖe esime maɖo kpe nu si mawɔ kpli mi la dzi.”" data/train/EXO/EXO_036_Verse_023.mp3,"Wotsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ ene siwo nɔ sɔti ene ŋu la ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo ŋu, eye wotu wo ɖe klosalozɔ ene dzi." data/train/EXO/EXO_019_Verse_018.mp3,"Mose lia to la yi Mawu gbɔ, eye Yehowa yɔe tso to la dzi gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yakob ƒomeawo, eye ale nàɖe gbeƒãe na Israelviwoe nye esi," data/train/EXO/EXO_021_Verse_023.mp3,"Ne aƒetɔ aɖe ŋe aɖu na eƒe kluvi la, ele be wòaɖe asi le kluvi la ŋu le eƒe aɖu si ŋe la ta." data/train/EXO/EXO_023_Verse_025.mp3,"“Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi. Miwɔ alea ale be miana dzudzɔ miaƒe nyiwo kple tedziwo kple miaƒe aƒemetɔwo, kluviwo kple amedzrowo siaa." data/train/EXO/EXO_030_Verse_029.mp3,"Yehowa gblɔ be, “Si ami sia na agbadɔ la, nubablaɖaka la," data/train/EXO/EXO_036_Verse_033.mp3,"Woƒo gatagbadzɛ atɔ̃ ɖe sɔti atɔ̃ ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple woƒe helétiawo ŋu. Wotsɔ akɔbli wɔ zɔ na sɔtiawo, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la de sɔtiawo ƒe gatagbadzɛawo ŋu." data/train/EXO/EXO_034_Verse_023.mp3,"Mose yi ɖanɔ toa dzi kple Yehowa ŋkeke blaene kple zã blaene. Meɖu naneke alo no naneke le ŋkeke siawo me o. Le ɣeyiɣi sia me la, Mawu ŋlɔ nubabla la me nya siwo nye Se Ewoawo la ɖe kpe kpakpɛ eveawo dzi." data/train/EXO/EXO_039_Verse_027.mp3,wosa sikaka eveawo ɖe asigɛ eveawo ŋu data/train/EXO/EXO_015_Verse_003.mp3,"Dukɔwo ase nya si dzɔ, woadzo nyanyanya; vɔvɔ̃ aɖo Filistitɔwo." data/train/EXO/EXO_017_Verse_011.mp3,"Mose tu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be “Yehowa Nisi” si gɔmee nye “Yehowae nye nye aflaga.”" data/train/EXO/EXO_015_Verse_011.mp3,"Ke wò la, ègbɔ wò gbɔgbɔ, eye ƒu la ŋe tsyɔ wo dzi. Wodze to abe asabukpe ene ɖe tsi gã la te." data/train/EXO/EXO_001_Verse_018.mp3,"“Ne miekpe ɖe Hebri nyɔnu aɖe ŋu wòdzi vi, eye miekpɔ le vidziƒea be ŋutsuvi wòdzi la, miwu ɖevi la enumake, gake ne nyɔnuvi wòdzi la, mina ɖevia natsi agbe.”" data/train/EXO/EXO_026_Verse_006.mp3,eye sɔti eve nanɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi. data/train/EXO/EXO_026_Verse_008.mp3,gameti atɔ̃ hã na sɔti siwo le agbadɔ la ƒe akpa evelia kple gameti atɔ̃ na ʋuƒo siwo le ɣetoɖoƒe lɔƒo le agbadɔ la ƒe ŋgɔgbe ɖaa. data/train/EXO/EXO_027_Verse_019.mp3,"Wɔ lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzogoe eneawo dzi, woalé sesĩe ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Fa akɔbli ɖe nu sia nu ŋu." data/train/EXO/EXO_039_Verse_016.mp3,"Mose lé ŋku ɖe dɔ blibo la ŋu. Eyra ameawo, elabena wowɔ dɔ blibo la ɖe ale si Yehowa ɖo nɛ la nu pɛpɛpɛ." data/train/EXO/EXO_009_Verse_033.mp3,"Yehowa ɖo ɣeyiɣi, eye wògblɔ be, “Etsɔ si gbɔna la, Yehowa awɔ nu sia le anyigba sia dzi.”" data/train/EXO/EXO_030_Verse_016.mp3,"Na Aron kple via ŋutsuwo naklɔ asi kple afɔ le afi sia," data/train/EXO/EXO_021_Verse_028.mp3,"“Ne fofo aɖe dzra via nyɔnu wòzu kosi la, mazu ablɔɖeme le ƒe ade megbe abe ŋutsuwo ene o." data/train/EXO/EXO_030_Verse_011.mp3,"Hotsuitɔwo maxe fe sia wòawu home si meyɔ o, eye ame dahewo hã mana nu wòanɔ sue wu o, elabena vɔsae wònye na Yehowa hena miaƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke." data/train/EXO/EXO_036_Verse_026.mp3,"Wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ɖeti ɣi ƒe kawo lɔ̃ xɔmetsovɔ la, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme." data/train/EXO/EXO_012_Verse_019.mp3,Israelviwo nɔ Egipte ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430). data/train/EXO/EXO_003_Verse_005.mp3,"“Israelviwo ƒe dumegãwo axɔ wò nya la, ekema woakplɔ wò ayi Egipte fia Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu, va do go mí, eye wòbia tso mía si be míazɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ ayi gbedzi aɖasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma.’" data/train/EXO/EXO_021_Verse_026.mp3,"ne egate ŋu zɔ emegbe kple atizɔti gɔ̃ hã la, womahe to aɖeke na ame si ƒoe la o, ɖeko woana wòaxe fe ɖe ɣeyiɣi si wògblẽ la ta va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ nyuie; ele be wòaxe eƒe dɔdaƒe hã." data/train/EXO/EXO_034_Verse_009.mp3,"eye woakpɔ eƒe mo wòanɔ keklẽm. Le esia megbe la, egatsɔa motsyɔvɔ la tsyɔa mo va se ɖe esime wòagatrɔ ayi be yeaƒo nu kple Yehowa." data/train/EXO/EXO_002_Verse_018.mp3,"Vidzĩ la nɔvinyɔnu te ɖe fiavinyɔnu la ŋu, eye wòbiae be, “Mayi ɖayɔ Hebri nyɔnuawo dometɔ ɖeka wòanyi ɖevi sia na wòa?”" data/train/EXO/EXO_039_Verse_038.mp3,Woŋlɔ Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe xɔasiawo dzi. data/train/EXO/EXO_028_Verse_012.mp3,"“Hekpe ɖe esia ŋu la, tsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu, eye nàŋlɔ nu ɖe edzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa, abe ale si nàŋlɔ nu ɖe nutrenu la dzi ene." data/train/EXO/EXO_010_Verse_017.mp3,"Mose do eƒe atikplɔ ɖe dzi, eye Yehowa na ɣedzeƒeya aɖe ƒo le ŋkeke kple zã blibo la me. Esi ŋu ke la, ɣedzeƒeya la he ʋetsuviwo vɛ." data/train/EXO/EXO_001_Verse_004.mp3,"Egipte fia gblɔ na Hebri nyɔnu siwo nye vixelawo, ame siwo ŋkɔwoe nye Sipra kple Pua be," data/train/EXO/EXO_025_Verse_014.mp3,"Kplu ene siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo si do, eye wòke ene la nanɔ akaɖiti la dzi." data/train/EXO/EXO_007_Verse_009.mp3,"Ke le esiawo megbe hã la, Farao maɖo to wò o. Ekema mana nye asi nava Egiptetɔwo dzi, mabu fɔ wo kple nukudɔ geɖewo, eye makplɔ nye amehawo, nye dukɔ, Israel, adzoe le Egiptenyigba dzi." data/train/EXO/EXO_011_Verse_007.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Magaɖo fuwɔame ɖeka pɛ ko ɖe Farao kple eƒe anyigba la dzi. Le esia megbe la, Farao aɖe asi le mia ŋu miadzo. Le nyateƒe me la, atsi dzi be miadzo ale gbegbe be wòanya mi le eƒe anyigba la dzi." data/train/EXO/EXO_039_Verse_010.mp3,eye wotɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe. data/train/EXO/EXO_022_Verse_003.mp3,“Ele be nàtsɔ wò agblemenukuwo kple wò wain ƒe ewolia nam. “Nàƒle wò viŋutsuvi ŋgɔgbetɔ ta. Mègahe nu siawo wɔwɔ ɖe megbe o. data/train/EXO/EXO_031_Verse_000.mp3,"“agbadɔ la, Nubablaɖaka la kple eƒe nutuvi, kple nu siwo katã le agbadɔ la me," data/train/EXO/EXO_005_Verse_021.mp3,"Womeganaa gbe ƒuƒu wò dɔlawo o, ke wobia tso mía si be, ‘Mime anyikpewo!’ Woƒoa wò dɔlawo le esime vodada la tso wò ŋutɔ wò amewo gbɔ, wònye miaƒe dɔdzikpɔlawoe le dɔ manyatanu ɖom na mí.”" data/train/EXO/EXO_016_Verse_023.mp3,"“Mese woƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Gblɔ na wo be, ‘Le fiẽ sia la, lã aka mia si; le ŋdi la, miaxɔ abolo, eye mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”" data/train/EXO/EXO_040_Verse_008.mp3,"Emegbe la, ekɔ nubablaɖaka la va agbadɔ la me, eye wòtsɔ xɔmetsovɔ la xe eŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene." data/train/EXO/EXO_026_Verse_016.mp3,"Tsi xɔmetsovɔ sia ɖe sɔti ene siwo ŋu wofa sika ɖo la ŋu, ɖe sikagatagbadzɛ ene ŋu. Na sɔti ɖe sia ɖe nanɔ afɔti ene siwo wowɔ kple klosalo la dzi." data/train/EXO/EXO_037_Verse_029.mp3,Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ atsyɔ̃ɖoɖoawo kple alɔawo katã wonye nu blibo ɖeka. data/train/EXO/EXO_019_Verse_017.mp3,Mose kplɔ wo tso woƒe agbadɔwo me be woado go Mawu; ena wotsi tsitre ɖe to la te. data/train/EXO/EXO_029_Verse_018.mp3,eye nàwui. Woaɖe eya hã ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu kpe ɖo. data/train/EXO/EXO_002_Verse_016.mp3,"Nu si va dzɔe nye be Fia Farao ƒe vinyɔnu, va tsi le ge le Nil tɔsisi la me. Esi eya kple eƒe dɔlanyɔnuwo nɔ zɔzɔm le tɔsisi la to la, ekpɔ kusi la le aƒlawo me. Edɔ eƒe dɔlanyɔnuawo dometɔ ɖeka ɖa be wòakɔe vɛ." data/train/EXO/EXO_029_Verse_004.mp3,"“Azɔ ɖe agbo la ƒe ami kpe ɖe asike dami la, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu, nàɖe eƒe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kpe ɖe agbo la ƒe ɖusimeta ŋu. (Esiae nye agbo na Aron kple via ŋutsuwo ɖoɖo nunɔlawoe.)" data/train/EXO/EXO_019_Verse_019.mp3,"Mose ɖo nya sia ŋu na Yehowa be, “Ameawo mava Sinai toa dzi o, elabena ède se na wo be womekpɔ mɔ ava o. Ègblɔ nam be maɖo liƒowo ƒo xlã to la, eye mana ameawo nanya be womekpɔ mɔ ada ata liƒoawo o, elabena wotso teƒe si le liƒoawo godo la ɖi na wò.”" data/train/EXO/EXO_026_Verse_034.mp3,"Ŋlɔ gbɔ̃fuvɔ adelia ɖe akpa eve le agbadɔ la ŋgɔ. Tɔ avɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe to na agbadɔ la ƒe axa ɖeka, eye nàgawɔe nenema ke ɖe axa evelia to le akpa kemɛ." data/train/EXO/EXO_010_Verse_004.mp3,"eye Yehowa ɖo ɣetoɖoƒeya sesẽ aɖe ɖa, eye wòkplɔ ʋetsuviawo katã yi ɖakɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Ʋetsuvi ɖeka pɛ gɔ̃ hã megasusɔ ɖe Egiptenyigba dzi o!" data/train/EXO/EXO_021_Verse_021.mp3,"“Ne ame aɖe ɖe vudo, metu nu enu o, eye ame aɖe ƒe nyi alo tedzi ge ɖe eme la," data/train/EXO/EXO_020_Verse_019.mp3,Miɖo ŋku edzi be miekpɔ mɔ awɔ legba aɖeke kple klosalo alo sika alo kple nu bubu aɖeke asubɔ o! data/train/EXO/EXO_024_Verse_004.mp3,"Le esia megbe la, eɖo Israelvi ɖekakpui aɖewo ɖa be woasa numevɔsa eye woatsɔ nyitsuwo awɔ akpedavɔsa na Yehowa." data/train/EXO/EXO_020_Verse_017.mp3,"Miate ŋu aɖi vɔsamlekpuiwo kple kpewo hã, gake miwɔ kpe siwo womekpa alo fu o la ko ŋu dɔ. Migakpa kpeawo kple dɔwɔnu aɖeke o, elabena ne miekpa wo la, womagadze be woawɔ wo ŋu dɔ hena vɔsamlekpuiɖiɖi nam o." data/train/EXO/EXO_003_Verse_002.mp3,"eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ wo adzoe le Egiptenyigba dzi, woayi anyigba nyui, gã aɖe dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo la. Anyigba sia dzie Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia." data/train/EXO/EXO_016_Verse_017.mp3,"Israelviwo gblɔ na wo be, “Ɖe wòanyo ŋutɔ ne míaku ɖe Yehowa ƒe asi me le Egipte! Le teƒe ma la, míenɔa anyi ƒoa xlã lã siwo míeɖa la ƒe zewo, eye míeɖua nu si míedi la, gake miekplɔ mí va gbegbe afi sia be dɔ nawu mí míaku.”" data/train/EXO/EXO_030_Verse_018.mp3,"ne woyina agbadɔ la me be woado ɖe Yehowa ŋkume alo hafi woate ɖe vɔsamlekpui la ŋu be woasa vɔ na Yehowa. Ele be woaklɔ asi kple afɔ hafi awɔ nu siawo, ne menye nenema o la, woaku." data/train/EXO/EXO_031_Verse_011.mp3,"numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo, tsileganu la kple eƒe zɔ," data/train/EXO/EXO_023_Verse_002.mp3,eye mègaɖe ami ɖe nya la be ne wò ɖaseɖiɖi la nade ame aɖe dzi le eƒe amedahenyenye ta o. data/train/EXO/EXO_009_Verse_002.mp3,"Ale Mose do asi ɖe dzi, eye Yehowa ɖo dziɖegbe kple kpetsi kple dzikedzo ɖa." data/train/EXO/EXO_040_Verse_011.mp3,"Emegbe la, nàkplɔ via ŋutsuwo vɛ, nàdo woƒe awuwo na wo," data/train/EXO/EXO_016_Verse_020.mp3,"Le afi sia hã la, dukɔ la katã galĩ liʋĩliʋĩ le Mose kple Aron ŋuti vevie." data/train/EXO/EXO_030_Verse_007.mp3,"Fa sika nyuitɔ ɖe vɔsamlekpui la tame kple eƒe axadziwo kple lãdzoawo ŋu, eye nàgatsɔ sika nyuitɔ aɖo atsyɔ̃ na vɔsamlekpui la ƒe towo katã." data/train/EXO/EXO_028_Verse_000.mp3,"Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔ siwo le akɔtawu la dzi aɖo eƒe dzi gbɔ abe Mawu ƒe nyametsonu ene, ne eyi Teƒe Kɔkɔe la. Nu sia anɔ ŋku ɖom Israelviwo dzi na Yehowa edziedzi.”" data/train/EXO/EXO_004_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa ɖe asi le eŋu. (Ɣe ma ɣie Zipora gblɔ be, “Ʋuŋugbetɔsrɔ̃,” eye nu si gblɔm wòle lae nye aʋatsotso.)" data/train/EXO/EXO_022_Verse_001.mp3,"Ekema mado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye mana futɔwo ƒe aʋakɔwo nawu mi ale be mia srɔ̃wo nazu ahosiwo, eye mia viwo nazu tsyɔ̃eviwo." data/train/EXO/EXO_012_Verse_002.mp3,"Agbatedɔwɔla alo amedzro si le mia gbɔ la, mekpɔ mɔ aɖui o." data/train/EXO/EXO_032_Verse_027.mp3,Mose ɖi tso to la dzi. Elé kpe eve siwo ƒe akpa eveawo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la ɖe asi. data/train/EXO/EXO_004_Verse_001.mp3,"Ale Mose kplɔ srɔ̃a kple via ŋutsuviwo da ɖe tedzi dzi, eye wòdze mɔ yina ɖe Egipte. Elé “Mawu ƒe atikplɔ” la ɖe asi goŋgoŋgoŋ!" data/train/EXO/EXO_010_Verse_022.mp3,"Ne ègbe asiɖeɖe le ameawo ŋu la, mahe ʋetsuviwo va wò anyigba la dzi etsɔ." data/train/EXO/EXO_005_Verse_007.mp3,"Gbe ma gbe la, Farao ɖe gbe na dɔdzikpɔla kple dɔnunɔla siwo le ameawo nu be," data/train/EXO/EXO_016_Verse_015.mp3,"Gbe ma gbe fiẽ la, tegliwo ƒe ha gã aɖe va do, eye woxe asaɖa la tame. Le ŋdi la, afu do ƒo xlã asaɖa la," data/train/EXO/EXO_034_Verse_000.mp3,"Ale Mose tsɔ kpe kpakpɛ eveawo abe gbãtɔwo ene, eye wòlia Sinai to la ŋdi kanya, abe ale si Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ ene." data/train/EXO/EXO_029_Verse_017.mp3,eye nàtsɔ tablanu la kple sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖo ta nɛ. data/train/EXO/EXO_014_Verse_025.mp3,"Wowɔ Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo, sɔdolawo kple aʋawɔla bubuawo katã ŋu dɔ le wo yometiti me. Egiptetɔwo va tu Israelviwo, esi woƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la to, te ɖe Pi Hahirɔt ŋu le Baal Zefon ŋgɔ." data/train/EXO/EXO_014_Verse_008.mp3,"elabena Farao abu be, ‘Israelvi mawo xaxa ɖe ƒu la kple gbegbe la dome!’" data/train/EXO/EXO_030_Verse_010.mp3,"Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ami sia anye ami kɔkɔe si miasi na amewo ɣe sia ɣi." data/train/EXO/EXO_013_Verse_006.mp3,"Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo maʋamaʋã, eye le ŋkeke adrelia gbe la, miaɖu ŋkekenyui na Yehowa." data/train/EXO/EXO_025_Verse_023.mp3,Sika nyuitɔ si ŋu dɔ woawɔ na akaɖiti la kple eŋunuwo la ƒe kpekpeme nade kilogram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃. data/train/EXO/EXO_025_Verse_013.mp3,"Kerubiawo adze ŋgɔ wo nɔewo, eye woanɔ amenuvevezikpui la gbɔ kpɔm. Woakeke woƒe aʋalãwo ɖe sikanutunu la dzi." data/train/EXO/EXO_025_Verse_036.mp3,"Wɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye nàklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔ̃dɔ̃e eve nanɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe." data/train/EXO/EXO_030_Verse_026.mp3,"Womakɔe ɖe ame dzodzro aɖeke dzi o, eye ame aɖeke mawɔ etɔgbi na eɖokui o, elabena ami kɔkɔe wònye, eye ele be ame sia ame nabui ami kɔkɔe." data/train/EXO/EXO_009_Verse_023.mp3,"Mose ɖo eŋu be, “Enyo, ne medo le dua me teti ko la, make nye abɔwo me do ɖe Yehowa gbɔ, ekema dziɖegbe la kple kpetsi la nu atso. Esia afia wò be Yehowae le xexea me dzi ɖum." data/train/EXO/EXO_036_Verse_013.mp3,"Etsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ la." data/train/EXO/EXO_004_Verse_008.mp3,"Ekema, ele na wò be nàgblɔ na Farao be, ‘Yehowa be, Israel dukɔ lae nye nye ŋutsu ŋgɔgbevi." data/train/EXO/EXO_008_Verse_031.mp3,Yehowa wɔ ɖe ŋugbe si Mose do na Farao la dzi. Akpɔkplɔ kukuwo yɔ duwo godo kple aƒewo me siaa. data/train/EXO/EXO_024_Verse_000.mp3,"Ale Mose kple eƒe kpeɖeŋutɔ, Yosua lia Mawu ƒe to la." data/train/EXO/EXO_025_Verse_015.mp3,"Kplu etɔ̃ siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo siwo do, eye woke ene la nanɔ alɔdze ɖeka ŋu, etɔ̃ nanɔ alɔdze bubu ŋu. Nenema ke wòanɔ na alɔdze adeawo siwo katã le akaɖiti la kɔgo ŋu." data/train/EXO/EXO_028_Verse_010.mp3,"Gawɔ sikasigɛ bubu eve na dziwui ʋlaya la te le eŋgɔ, le alidziblanu la ŋu." data/train/EXO/EXO_014_Verse_021.mp3,"“Menye esiae míegblɔ na wò esime míenɔ Egipte la be, ‘Ɖe asi le mía ŋu kpoo ne míasubɔ Egiptetɔwo’ oa? Anyo na mí be míasubɔ Egiptetɔwo wu be míaku ɖe gbegbe!”" data/train/EXO/EXO_023_Verse_004.mp3,“Gbãtɔe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui. Migaɖu abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã o ŋkeke adre abe ale si mede se na mi kpɔ ene. Ŋkekenyui sia ɖuɖu anɔ edzi ƒe sia ƒe le Tedoxe si nye ɣleti si me miedzo le Egipte. “Ame sia ame asa vɔ nam le ɣeyiɣi sia me. data/train/EXO/EXO_022_Verse_011.mp3,"Ke ne womenya fiafitɔ la o la, ekema woakplɔ ame si si wotsɔ ga la alo adzɔnuawo dee la ayi Mawu ŋkume be Mawu naɖee afia nenye eya ŋutɔe fi nɔvia ƒe nuawo loo alo menye eyae o." data/train/EXO/EXO_038_Verse_029.mp3,"ɖe kpɔti blaeve ŋu. Ke kpɔti blaeveawo ƒe afɔtiwo nye akɔbliga, eye wotsɔ klosaloga tu gatagbadzɛ siwo wotsɔ avɔawo kui la ɖe kpɔtiawo ŋu." data/train/EXO/EXO_007_Verse_019.mp3,"Tɔmelãwo katã ku, tsi la ƒaƒã ale be, Egiptetɔwo megate ŋu noe o. Ʋu xɔ Egiptenyigba ƒe akpa sia akpa dzi." data/train/EXO/EXO_033_Verse_021.mp3,"Yehowa ɖo eŋu be, “Nye ŋutɔ mayi kpli mi, eye mana nu sia nu nadze edzi na mi.”" data/train/EXO/EXO_029_Verse_045.mp3,"ɖeka le ŋdi me, eye evelia le fiẽ me." data/train/EXO/EXO_036_Verse_005.mp3,"Avɔawo katã sɔ; woƒe didime nye mita wuietɔ̃, wokeke mita eve." data/train/EXO/EXO_036_Verse_004.mp3,"atɔ̃ ganɔ axa evelia dzi, eye atɔ̃ bubu ganɔ agbadɔ la ŋgɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo." data/train/EXO/EXO_023_Verse_000.mp3,"elabena nye Dɔla adze ŋgɔ na wò, akplɔ wò ayi Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi be mianɔ afi ma. Matsrɔ̃ dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò." data/train/EXO/EXO_018_Verse_014.mp3,"Mose ɖo eŋu nɛ be, “Elabena dukɔ la va gbɔnye be woabia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu." data/train/EXO/EXO_026_Verse_028.mp3,"Tɔ gbɔ̃fuvɔ atɔ̃ woazu avɔ keke ɖeka, eye nàgatɔ ade mamlɛawo hã woazu avɔ keke ɖeka." data/train/EXO/EXO_014_Verse_011.mp3,"Esime Israelviwo kpɔ nukunu triakɔ si Yehowa wɔ na wo ɖe Egiptetɔwo ŋu la, wovɔ̃, wode bubu Yehowa ŋu, eye woxɔ eya kple eƒe dɔla Mose dzi se." data/train/EXO/EXO_033_Verse_017.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ ame siwo nèkplɔ tso Egipte la, yi anyigba si ŋugbe medo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi, elabena megblɔ be, ‘Matsɔ anyigba sia ana miaƒe dzidzimeviwo.’" data/train/EXO/EXO_036_Verse_014.mp3,"Etɔ ka kpuikpuikpui ɖe avɔ gã didi ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ŋu," data/train/EXO/EXO_040_Verse_036.mp3,"Yehowa ƒe lilikpo la tɔna ɖe agbadɔ la dzi le ŋkeke me. Ke le zã me la, dzo klẽna le lilikpo la me, ale be Israelviwo katã nate ŋu akpɔe. Nu sia yi edzi le woƒe mɔzɔzɔwo katã me." data/train/EXO/EXO_022_Verse_022.mp3,"“Ne ame aɖe tsɔ tedzi, nyi, alẽ alo lã bubu aɖe na nɔvia be wòakpɔ edzi na ye, eye lã la ku, alo nuvevi wɔe alo wòsi, eye ame aɖeke menya nu si tututue wɔe, eye woate ŋu aɖi ɖase le eŋu o la," data/train/EXO/EXO_026_Verse_017.mp3,"Tsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye nàgatsɔ gbɔ̃gbalẽwo atsyɔ alẽgbalẽawo dzi." data/train/EXO/EXO_036_Verse_000.mp3,"Ale Mose yɔ Bezalel kple Oholiab kple ame bubu siwo katã Yehowa na ŋutetee, eye wolɔ̃ be yewoawɔ dɔ la be woadze dɔ la gɔme." data/train/EXO/EXO_013_Verse_004.mp3,Eya ta miɖo ŋku nuɖoanyi sia dzi le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe. data/train/EXO/EXO_014_Verse_028.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Gada wò asi ɖe atsiaƒu la dzi ale be tsigliawo namu adze Egiptetɔwo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.”" data/train/EXO/EXO_034_Verse_027.mp3,"“Nyitsu, agbo kple gbɔ̃tsu ɖe sia ɖe si ʋu dɔ nu na dadaa la nye tɔnye." data/train/EXO/EXO_038_Verse_004.mp3,"Aɖaŋutɔwo ƒe tatɔwoe nye Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur si tso Yuda ƒe to la me ƒe tɔgbuiyɔvi. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa de se na Mose ene." data/train/EXO/EXO_023_Verse_011.mp3,"“Mana wò anyigba ƒe liƒowo natso Ƒu Dzĩ la nu ayi Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, eye wòagatso gbegbe siwo le anyigbeme va se ɖe Frat tɔsisi la nu. Mana nàɖu ame siwo katã le anyigba la dzi fifia la dzi, eye mana woasi le ŋgɔwò." data/train/EXO/EXO_035_Verse_006.mp3,"Ame bubuwo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ, ɖeti ɣi ƒe ka alo gbɔ̃fu kple agbogbalẽ si wode ama dzĩ kple gbɔ̃gbalẽ si ŋu wotrɔ asi le la vɛ." data/train/EXO/EXO_025_Verse_005.mp3,Ekema nàtsɔ nubabla si matsɔ na wò la ade aɖaka la me. data/train/EXO/EXO_026_Verse_002.mp3,"Avɔ wuiɖekɛawo katã nasɔ; ɖe sia ɖe nadidi mita wuietɔ̃, eye wòakeke mita eve." data/train/EXO/EXO_006_Verse_010.mp3,"“Gawu la, mese Israelviwo ƒe konyifafa esi wonye kluviwo fifia le Egipte. Meɖo ŋku nye nubabla la dzi." data/train/EXO/EXO_027_Verse_006.mp3,"“Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi." data/train/EXO/EXO_036_Verse_032.mp3,"Woyi ɖado go Mose, eye wogblɔ nɛ be, “Nu siwo nètsɔ na mí be míatsɔ awɔ dɔ si Yehowa gblɔ be woawɔ la sɔ gbɔ wu esiwo míehiã na dɔa nu wuwu!”" data/train/EXO/EXO_030_Verse_037.mp3,"“Ŋdi sia ŋdi la, Aron ado dzudzɔ kple atike ʋeʋĩ le vɔsamlekpui la dzi, ne ebɔbɔ akaɖigbɛawo ɖe eme." data/train/EXO/EXO_039_Verse_017.mp3,"nubablaɖaka la, Se Ewoawo le eme; atiawo hena nubablaɖaka la kɔkɔ, amenuveteƒe la;" data/train/EXO/EXO_004_Verse_023.mp3,"Yehowa biae be, “Ame kae wɔ nuwo na amewo? Menye nye, Yehowae oa? Ame kae wɔ aɖetututɔ alo tokunɔ, alo nukpɔla, alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowae oa?" data/train/EXO/EXO_032_Verse_017.mp3,"eye woɖe asi le nye seawo katã ŋu enumake. Wowɔ sikanyivilegba aɖe na wo ɖokuiwo. Wole esubɔm, le vɔ sam nɛ, eye wole gbɔgblɔm be, ‘O Israel, esiae nye wò mawu si kplɔ wò tso Egipte.’ ”" data/train/EXO/EXO_014_Verse_005.mp3,"Do wò atikplɔ la ɖe dzi, eye nàdo wò asi ɖe atsiaƒu la dzi be atsiaƒutsi la nama ɖe eve, ale be Israelviwo nato atsiaƒu la me ayi le anyigba ƒuƒui dzi." data/train/EXO/EXO_019_Verse_002.mp3,"Ame aɖeke maka asi sedzidala sia ŋu o, ke boŋ woaƒu kpee alo woatee kple da wòaku. Woawɔ amegbetɔwo kple lãwo siaa nenema.’ Migate ɖe toa ŋu kura o va se ɖe esime miase lãdzokpẽ aɖe ƒe ɖiɖi zi ɖeka sesĩe. Ekema miaƒo ƒu ɖe to la te!”" data/train/EXO/EXO_002_Verse_000.mp3,"Ale Mawu kpɔ Israelviwo ƒe nublanui, eye wòtsɔ ɖe le eme na wo." data/train/EXO/EXO_018_Verse_025.mp3,"Yetro si nye Mose to la gblɔ be, “Mikafu Yehowa, elabena eɖe mi tso Egiptetɔwo kple Farao ƒe asi me, eye wòɖe Israel." data/train/EXO/EXO_028_Verse_029.mp3,Tsɔ Urim kple Tumim siwo nye kpe siwo wotsɔna biaa nu Mawu la de akɔtawu la ƒe kotoku me be woanɔ Aron ƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe nyametsonu la ɖe eƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. data/train/EXO/EXO_040_Verse_002.mp3,"“Azɔ la, kplɔ Aron kple via ŋutsuwo va agbadɔ la ƒe mɔnu eye nàle tsi na wo." data/train/EXO/EXO_034_Verse_002.mp3,"Àte ŋu atsɔ alẽvi aɖɔli tedzi ƒe ŋgɔgbevi. Ne mèdi be yeaɖɔlii o la, ekema ele be nàŋe kɔe. Ke ele be miaƒle miaƒe ŋgɔgbevi ŋutsuwo katã ta. Ame aɖeke megava nye ŋkume asi gbɔlo o." data/train/EXO/EXO_004_Verse_005.mp3,"Azɔ la, yii, elabena makpe ɖe ŋuwò be nàƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si nàgblɔ la na wò.”" data/train/EXO/EXO_021_Verse_005.mp3,"Gake ne ame aɖe dze nɔvia dzi kple tameɖoɖo be yeawui la, ekema ne ele nye vɔsamlekpui ŋgɔ gɔ̃ hã la, ele be miahee ado goe, awui." data/train/EXO/EXO_019_Verse_003.mp3,"Azɔ la, ne miaɖo tom, eye miawɔ nye nubabla dzi la, mianye nye ame tiatiawo le xexemedukɔwo katã dome, elabena tɔnyee nye xexea me katã." data/train/EXO/EXO_032_Verse_012.mp3,"Esi Yosua se ɣli si ameawo katã nɔ dodom le toa te la, egblɔ na Mose be, “Ewɔ abe ɖe wole dzadzram ɖo na aʋawɔwɔ ene!”" data/train/EXO/EXO_029_Verse_043.mp3,"Yɔ via ŋutsuwo vɛ, eye nàtsɔ woƒe dziwuiwo ado na wo." data/train/EXO/EXO_015_Verse_012.mp3,"“Le wò fianyenye ƒe gãnyenye me, ètsɔ ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la ƒu anyi. Èɖe asi le wò dziku bibi la ŋu, eye wòfia wo abe gbe ƒuƒu ene." data/train/EXO/EXO_027_Verse_011.mp3,"Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa akɔbli ɖe wo ŋu hena vɔsamlekpui la kɔkɔ." data/train/EXO/EXO_004_Verse_009.mp3,"Esi Mose kple srɔ̃a kpakple wo viwo nɔ mɔa zɔm la, wotsi teƒe aɖe dɔ. Yehowa ɖe eɖokui fia Mose, eye wòdo ŋɔdzi nɛ be yeawui." data/train/EXO/EXO_013_Verse_016.mp3,"“Ne mia viwo abia mi be, ‘Nu ka ta miewɔa nu siawo ɖo?’ la, ele be miagblɔ na wo be, ‘Yehowa tsɔ nukunu gãwo ɖe mí tso kluvinyenye me, tso Egiptenyigba dzi." data/train/EXO/EXO_038_Verse_011.mp3,"eye wotsɔe tu zɔ na kpɔti siwo le agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsɔ eya ke wɔ vɔsamlekpui la, lãyiga la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le vɔsamlekpui la dzi," data/train/EXO/EXO_029_Verse_028.mp3,"Nenye be agbo si wotsɔ ɖo wo nunɔlawoe la ƒe lã aɖe susɔ alo abolo la ƒe ɖe susɔ ŋu ke ɖe edzi la, tɔ dzoe. Mele be woaɖui o, elabena ele kɔkɔe." data/train/EXO/EXO_017_Verse_009.mp3,"Mose gblɔ na Yosua be wòana Israelviwo nadzra ɖo, akpe aʋa kple Amalekitɔwo. Mose gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, matsi tsitre ɖe togbɛ la dzi. Mawu ƒe atikplɔ anɔ asinye!”" data/train/EXO/EXO_022_Verse_021.mp3,"“Ne ame aɖe tsɔ ga alo adzɔnuwo na ame aɖe be wòadzra ɖo na ye eye wofi wo la, ne wolé fiafitɔ la la, ele be wòaxe nu si wòfi la ƒe home teƒe eve." data/train/EXO/EXO_020_Verse_009.mp3,"Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi," data/train/EXO/EXO_014_Verse_007.mp3,"Egiptetɔwo, Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple sɔdolawo dze wo yome to atsiaƒu la ƒe gliwo me, eye woawo hã wonɔ atsiaƒu la ƒe ƒuƒuiƒe zɔm." data/train/EXO/EXO_008_Verse_014.mp3,"Ke akunyawɔlawo hã tsɔ woƒe ayemenuwɔwɔwo wɔ nenema, eye woawo hã na akpɔkplɔwo do ɖe anyigba la dzi." data/train/EXO/EXO_038_Verse_012.mp3,"Klosalo si woxɔ le amewo si la ƒe kpekpemee nye kilogram akpe etɔ̃, alafa ene blaetɔ̃, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu." data/train/EXO/EXO_028_Verse_030.mp3,"Tsɔ ŋkɔsigɛ̃wɔnu ŋlɔ Israel ƒe vi wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe eveawo dzi. Wɔe abe ale si kpe xɔasi nuŋlɔla ŋlɔa nui ɖe ŋkɔsigɛ dzi la ene. Emegbe, nàtsɔ sika afa ɖe towo na kpeawo." data/train/EXO/EXO_002_Verse_017.mp3,"Nyɔnu la fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Esi nyɔnu la kpɔ be ye viŋutsu la dze ɖeka ŋutɔ la, eɣlae ɖe aƒe me ɣleti etɔ̃." data/train/EXO/EXO_026_Verse_026.mp3,"Tu gavi blaatɔ̃ kple akɔbliga, eye nàtsɔ wo de ka kpuiwo me ate avɔawo akpe be avɔ keke eveawo nazu avɔ keke gã ɖeka." data/train/EXO/EXO_007_Verse_017.mp3,"“Togbɔ be nuwo anɔ alea hã la, gbugbɔ yi Farao gbɔ le ŋdi me, esime wòanɔ tɔsisi la to yim. Tsi tsitre ɖe tɔsisi la to, eye nàdo goe le afi ma; nàlé wò atikplɔ si zu da la ɖe asi." data/train/EXO/EXO_029_Verse_022.mp3,Le tsi na Aron kple via ŋutsuwo le agbadɔ la ƒe mɔnu. data/train/EXO/EXO_010_Verse_023.mp3,Woatsyɔ anyigba la dzi ale gbegbe be anyigba la magadze o. Woaɖu numiemie sue siwo susɔ le kpetsi la megbe kple ati ɖe sia ɖe si le tsitsim le agble dzi. data/train/EXO/EXO_035_Verse_012.mp3,"dzudzɔdovɔsamlekpui la kple ekɔtiawo, ami sisi la kple dzudzɔdotikeʋeʋĩwo, agbadɔ la ƒe xɔmemɔnuvɔ," data/train/EXO/EXO_014_Verse_019.mp3,"Mana Egiptetɔwo ƒe dzi me nasẽ be woadze Israelviwo yome, eye makɔ nye ŋkɔ ŋuti to Farao kple eƒe aʋakɔwo kple tasiaɖamwo kple sɔdolawo dzi." data/train/EXO/EXO_009_Verse_003.mp3,"Ale Mose dzo le Farao gbɔ. Esi wòdo go le dua me la, edo eƒe asiwo ɖe dziƒo na Yehowa. Dziɖegbe kple kpetsi la nu tso, eye tsi hã dzudzɔ dzadza." data/train/EXO/EXO_021_Verse_035.mp3,“Woazɔ ɖe se sia ke dzi ne nyi aɖe wu ŋutsuvi alo nyɔnuvi. data/train/EXO/EXO_019_Verse_009.mp3,"Esi woho tso Refidim la, wova ɖo Sinai gbegbe la, eye Israel ƒu asaɖa anyi ɖe afi ma le to la te." data/train/EXO/EXO_037_Verse_027.mp3,"Wotsɔ akasiati kpa kpo siwo woatsɔ akɔ Kplɔ̃ lae, eye wofa sika ɖe wo ŋuti." data/train/EXO/EXO_033_Verse_020.mp3,"Yehowa ɖo eŋu be, “Mana nye ŋutikɔkɔe nato wò ŋkume ayi. Maɖe gbeƒã nye ŋkɔ Yehowa kple eƒe gɔmesese le ŋgɔwò. Mevea ame si nu medi be mave la nu, eye mekpɔa nublanui na ame si medi be makpɔ nublanui na." data/train/EXO/EXO_020_Verse_001.mp3,"Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi." data/train/EXO/EXO_035_Verse_008.mp3,"Ame siwo ƒe dzi Mawu ƒe Gbɔgbɔ ʋã la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa hena agbadɔ la, eŋunuwo kple awu kɔkɔeawo." data/train/EXO/EXO_039_Verse_039.mp3,"Woɖe teƒe ɖe kɔmewu la titina, afi si ame ƒe ta nato. Woƒo to na teƒe sia ale be mavuvu o." data/train/EXO/EXO_026_Verse_032.mp3,"Woatɔ avɔ atɔ̃, didime ɖe didime nu woazu avɔ ɖeka na agbadɔ la ƒe axa ɖeka. Woawɔ nenema ke kple avɔ atɔ̃ bubuawo hã." data/train/EXO/EXO_030_Verse_028.mp3,"Wɔ sikagagɔdɔ̃e eve ɖe atsyɔ̃ɖonu la te, ɖe eƒe axa eveawo, be woatsɔ vɔsamlekpui la kɔtiwo aƒo ɖe wo me." data/train/EXO/EXO_013_Verse_012.mp3,miaƒe viŋutsuvi gbãtɔwo katã kple lãtsu siwo katã aʋu dɔ nu na miaƒe lãwo la katã nye Yehowa tɔ. Ele be miatsɔ wo nɛ. data/train/EXO/EXO_029_Verse_041.mp3,Wui le Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe mɔnu. data/train/EXO/EXO_034_Verse_030.mp3,"Yehowa yi edzi gblɔ na Mose be, “Ŋlɔ se siwo mede na wò egbe la da ɖi, elabena woawoe nye ɖoɖo siwo ku ɖe nye nubabla si mewɔ kple wò kple Israel la ŋu.”" data/train/EXO/EXO_009_Verse_022.mp3,"Miɖe kuku na Yehowa be, wòatsi dziɖegbe kple kpetsi dziŋɔ sia nu, ekema mana miadzo enumake.”" data/train/EXO/EXO_010_Verse_016.mp3,"Migatsɔ nye nu vɔ̃ kem zi mamlɛtɔ sia ko, eye miaɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la be wòaɖe fukpekpe vɔ̃ɖi sia ɖa le dzinye.”" data/train/EXO/EXO_032_Verse_001.mp3,Ale wo katã woɖe woƒe sikatogɛwo tsɔ vɛ na Aron. data/train/EXO/EXO_026_Verse_005.mp3,“Dze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nanɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi; data/train/EXO/EXO_001_Verse_015.mp3,"Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yosef kple nɔviawo katã ku, eye dzidzime ma nu tso." data/train/EXO/EXO_016_Verse_032.mp3,"Yehowa bia Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie miagbe toɖoɖo nye sewo kple ɖoɖowo?" data/train/EXO/EXO_012_Verse_035.mp3,"Mikplɔ miaƒe alẽwo kple nyiwo, eye miadzo. Miyram eye miadzo.”" data/train/EXO/EXO_030_Verse_036.mp3,"“Zi ɖeka le ƒe ɖe sia ɖe me la, Aron awɔ avulévɔsa na eƒe lãdzoawo. Woawɔ ƒe sia ƒe ƒe avulévɔsa kple nu vɔ̃ ƒe avulévɔsalã ƒe ʋu le dzidzimewo katã me. Enye nu kɔkɔetɔ kekeake na Yehowa.”" data/train/EXO/EXO_017_Verse_015.mp3,"Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Dze ŋgɔ na dukɔ la, kplɔ Israel ƒe ametsitsi aɖewo ɖe asi. Tsɔ atikplɔ si netsɔ ƒo Nil tɔsisi la ɖe asi, eye nàyi." data/train/EXO/EXO_018_Verse_018.mp3,"Via ŋutsuvi evelia, Eliezer, ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Mawue nye nye xɔnametɔ,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Fofonyewo ƒe Mawue nye nye xɔnametɔ, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.”" data/train/EXO/EXO_031_Verse_013.mp3,Teƒe Kɔkɔe la ƒe amisisi la kple dzudzɔdonu ʋeʋĩwo. “Ele be woawɔ nu siawo katã ɖe ale si meɖo na wò la nu.” data/train/EXO/EXO_014_Verse_013.mp3,"eye Israelviwo zɔ to atsiaƒu la me le anyigba ƒuƒui dzi, ale tsi la zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame." data/train/EXO/EXO_027_Verse_021.mp3,Ɣetoɖoƒe gome nadidi mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔti ewo siwo te afɔti ewo le la nanɔ afi ma. data/train/EXO/EXO_035_Verse_031.mp3,"Nyɔnu siwo nya nutɔtɔ kple ɖetitetre nyuie la tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ lɔ̃ avɔ, wotre ɖeti ɣi ƒe ka, eye wotsɔ wo vɛ." data/train/EXO/EXO_032_Verse_033.mp3,"Ɖe nèdi be Egiptetɔwo nagblɔ be, ‘Mawu ble wo be woava toawo dzi ale be yeate ŋu awu wo, atsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ’ mahã? Ɖe asi le wò dɔmedzoe sesẽ la ŋu. Trɔ wò susu, eye mègahe dzɔgbevɔ̃e va wò amewo dzi o." data/train/EXO/EXO_012_Verse_038.mp3,Miɖo ŋku edzi be esia nye se si anɔ anyi tegbetegbe na miawo ŋutɔwo kple miaƒe dzidzimeviwo. data/train/EXO/EXO_018_Verse_003.mp3,"Esi Mose to kpɔ ɣeyiɣi si ʋɔnudɔdrɔ̃ la xɔna nɛ la, egblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle agbagba dzem be ye ɖeka yeawɔ nu siawo katã, le esime amewo le tsitre le afi sia ŋkeke blibo la katã be nàkpe ɖe yewo ŋuti?”" data/train/EXO/EXO_032_Verse_011.mp3,"Esi wote ɖe asaɖa la ŋu la, Mose kpɔ sikanyivilegba la kple ameawo wonɔ ɣe ɖum. Edo dɔmedzoe ale gbegbe be wòtsɔ kpe siwo dzi Mawu ŋlɔ Seawo ɖo la ƒu anyi wogbã le to la te." data/train/EXO/EXO_025_Verse_033.mp3,Tsɔ wo ƒo ɖe asigɛ eve siwo le aɖaka la ƒe axa ɖeka dzi la me hena aɖaka la tsɔtsɔ. data/train/EXO/EXO_037_Verse_007.mp3,Etsɔ sika wɔ toɖonu si kɔ abe milimita blaadre-vɔ-atɔ̃ ene la ɖo to na kplɔ̃ la kpe ɖo. data/train/EXO/EXO_023_Verse_023.mp3,"“Mègaxɔ zãnu o, elabena zãnuxɔxɔ nana be màdze si nu si le dzedzem gãa o. Zãnuxɔxɔ gblẽa nu le ame si ƒe nya dzɔ la ŋuti." data/train/EXO/EXO_034_Verse_019.mp3,"Mègana ame aɖeke nava kpli wò o, eye ame aɖeke manɔ teƒe aɖeke le to sia dzi hã o. Mègana miaƒe alẽwo kple nyiwo naɖu gbe le teƒe si te ɖe to la ŋu o.”" data/train/EXO/EXO_014_Verse_012.mp3,"Etia tasiaɖam nyuitɔ alafa ade kpe ɖe tasiaɖam bubu siwo katã nɔ Egipte la ŋu, eye wòtsɔ asrafomegãwo ɖo ɖe sia ɖe nu." data/train/EXO/EXO_009_Verse_016.mp3,Ke ame siwo mebu Yehowa ƒe nya nanekee o la gblẽ woƒe lãwo ɖe gbedzi. data/train/EXO/EXO_009_Verse_005.mp3,"Anye ne le ɣeyiɣi sia me la, medo nye asi ɖa, gblẽ nu le wò kple wò amewo ŋu kple dɔvɔ̃ aɖe si ate ŋu atsrɔ̃ mi katã ɖa le anyigba la dzi hafi." data/train/EXO/EXO_004_Verse_030.mp3,"Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋu da ɖe anyigba.” Mose ɖe asi le eŋu da ɖe anyigba, eye wòtrɔ zu da; tete Mose si le egbɔ." data/train/EXO/EXO_008_Verse_017.mp3,"Ke Mose ɖo eŋu be, “Eya masɔ o! Egiptetɔwo lé fu míaƒe vɔsawo. Ne míasa vɔ na Yehowa míaƒe Mawu le woƒe ŋkuta la, woawu mí." data/train/EXO/EXO_003_Verse_019.mp3,"Tete Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le ŋuve aɖe si nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la me. Esi Mose kpɔ be ŋuve la nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la," data/train/EXO/EXO_012_Verse_009.mp3,"“Elabena Yehowa ato anyigba la dzi, eye wòawu Egiptetɔwo. Ke ne ekpɔ ʋu le ʋɔtruti la tametɔ kple eƒe axadzitɔwo ŋu la, ato ʋɔtru la ŋu, eye maɖe mɔ na nugblẽla wòage ɖe eme awu miaƒe ŋutsuvi gbãtɔwo o." data/train/EXO/EXO_025_Verse_010.mp3,"Fa sika nyuitɔ ɖe edzi, eye nàfa sika ɖe eto." data/train/EXO/EXO_008_Verse_019.mp3,"Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa be wòaɖe togbatoawo ɖa." data/train/EXO/EXO_016_Verse_028.mp3,"Mose gblɔ hã be mianya be, “Yehowae na lã mi le fiẽ me, eye wòna abolo si miehiã la mi le ŋdi me, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo le eŋuti. Ame kawoe mienye? Menye míawo ŋu miele liʋĩliʋĩ lĩm le o, ke boŋ Yehowa ŋue.”" data/train/EXO/EXO_020_Verse_018.mp3,"“ ‘Mitsɔ anyi ɖi vɔsamlekpuiwo nam. Miwɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo kple alẽwo kple nyiwo le wo dzi nam. Miɖi vɔsamlekpuiwo ɖe teƒe siwo mafia mi la ko, eye mava yra mi le teƒe mawo." data/train/EXO/EXO_014_Verse_022.mp3,"Mose wɔ alea, eye esi ŋu ke la, atsiaƒu la gazu abe ale si wònɔ tsã ene. Egiptetɔwo dze agbagba be yewoasi, ke Yehowa na atsiaƒutsi la ŋe tsyɔ wo dzi." data/train/EXO/EXO_001_Verse_013.mp3,"Ke vixela siawo vɔ̃a Mawu, eye womewɔ ɖe Egipte fia la ƒe se la dzi o, wona ŋutsuviawo hã tsi agbe." data/train/EXO/EXO_014_Verse_001.mp3,"Ale tsi la gbugbɔ yi enɔƒe hetsyɔ tasiaɖamwo, sɔdolawo kple Farao ƒe aʋakɔ blibo la, si dze Israelviwo yome ge ɖe atsiaƒu la me dzi. Wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o." data/train/EXO/EXO_006_Verse_001.mp3,"Ame siwo nye ƒometatɔ na Levi ƒe ƒome la ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe tsitsi nu. Gerson, Kohat kple Merari. Levi nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137)." data/train/EXO/EXO_029_Verse_010.mp3,"“Emegbe la, Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe agboawo dometɔ ɖeka ƒe ta dzi," data/train/EXO/EXO_029_Verse_032.mp3,"Tsɔ alẽ evelia kple wɔ memi la kple wain sa vɔe le fiẽ me abe ale si nèwɔ le ŋdi me ene, wòanye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ na Yehowa." data/train/EXO/EXO_037_Verse_021.mp3,"Seƒoƒo ɖeka kple eƒe tamekuku nɔ alɔdze eve ƒe kpeƒe; ɖeka nanɔ alɔdze eve siwo kplɔ gbãtɔ ɖo la ƒe kpeƒe, eye ɖeka hã nanɔ etɔ̃lia ƒe kpeƒe, ale be alɔdzeawo nanye ade." data/train/EXO/EXO_022_Verse_029.mp3,"“Ne wolée wòle nyi, tedzi, alẽ alo nu bubu aɖe fim la, ele be wòaxe nu si fim wòle la ƒe home teƒe eve." data/train/EXO/EXO_024_Verse_005.mp3,"Le esia megbe la, Mose, Aron, Nadab, Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadreawo lia to la." data/train/EXO/EXO_034_Verse_017.mp3,"Le ŋkekenyui siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, ele be Israel ŋutsuwo kple ŋutsuviwo katã nado ɖe Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ŋkume." data/train/EXO/EXO_029_Verse_038.mp3,"Tsɔ wɔ memi kilogram ɖeka, ami lita ɖeka kple wain lita ɖeka kpe ɖe alẽ ɖeka ŋu." data/train/EXO/EXO_011_Verse_005.mp3,"Konyifaɣli aɖi to Egiptenyigba blibo la dzi. Konyifafa sia tɔgbi menɔ anyi kpɔ o, eye etɔgbi magadzɔ akpɔ o." data/train/EXO/EXO_019_Verse_022.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi ameawo gbɔ, eye nàde se na wo be ame aɖeke mekpɔ mɔ agbɔ liƒoawo dzi o. Mele be woava afi sia, adze agbagba be yewoakpɔm o. Ame si ake atse la aku." data/train/EXO/EXO_008_Verse_008.mp3,"Ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, asa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma, abe ale si wòɖo na mí ene.”" data/train/EXO/EXO_006_Verse_021.mp3,"Mewɔ nubabla tɔxɛ aɖe kpli wo. Le nubabla sia ƒe ɖoɖowo nu la, medo ŋugbe be matsɔ Kanaanyigba, afi si wonɔ abe amedzrowo ene la na wo." data/train/EXO/EXO_026_Verse_007.mp3,"Fa sika ɖe ʋuƒoawo ŋu nàtsɔ sika awɔ gaviwo be woalé ʋuƒoawo, eye nàfa sika ɖe daɖedziawo hã ŋuti." data/train/EXO/EXO_027_Verse_018.mp3,"Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu." data/train/EXO/EXO_033_Verse_013.mp3,"Ne mèyi kpli mí o la, ame kae akpɔ be wò amenuveve li kplim kple nye amewo? Ame kae akpɔ be míeto vovo tso dukɔ bubu ɖe sia ɖe si le anyigba dzi la gbɔ?”" data/train/EXO/EXO_033_Verse_022.mp3,"Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ɛ̃, mawɔ nu si nèbia la na wò, elabena vavã, nye amenuveve le dziwò, eye menya wò kple wò ŋkɔ.”" data/train/EXO/EXO_037_Verse_025.mp3,"Wotsɔ akasiati kpa dzudzɔdovɔsamlekpui lae. Eƒe tame ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, anɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃. Ekɔ sentimita blaasiekɛ. Dzo ɖekaɖeka nɔ dzogoe etɔ̃ dzi; wowɔ wo ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ŋu, wònye nu ɖeka." data/train/EXO/EXO_035_Verse_015.mp3,Israelviwo ƒe ha blibo la dzo le Mose gbɔ. data/train/EXO/EXO_025_Verse_024.mp3,"Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa sika nyuitɔ ɖe wo ŋu." data/train/EXO/EXO_035_Verse_014.mp3,"eye wòtsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si fiaa nunya, nugɔmesese, sidzedze la nɛ." data/train/EXO/EXO_014_Verse_015.mp3,"Israelviwo zɔ anyigba ƒuƒui dzi hetso ƒu la, esime tsi la trɔ zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame." data/train/EXO/EXO_020_Verse_008.mp3,"Mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe, alo srɔ̃a alo eƒe dɔlaŋutsu alo dɔlanyɔnu alo eƒe nyiwo alo eƒe tedziwo loo alo nu sia nu si nye etɔ la ƒe ɖeke ŋu o.”" data/train/EXO/EXO_021_Verse_024.mp3,"Ne aƒetɔ la na eya ŋutɔ Via ŋutsu ɖe Hebri kosi aɖe la, ekema magabu nyɔnu la abe kosi ene o, ke boŋ alé be nɛ azɔ abe eya ŋutɔ via nyɔnu ene." data/train/EXO/EXO_038_Verse_013.mp3,kpɔti siwo ŋu wotsi avɔ ɖo ƒo xlã xɔxɔnu la ƒe zɔwo kple tsyoti siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu kple xɔxɔnu la wɔwɔ me. data/train/EXO/EXO_019_Verse_001.mp3,"Ale Mose ɖi yi ameawo gbɔ, eye wògblɔ nya si Mawu gblɔ nɛ la na wo." data/train/EXO/EXO_017_Verse_008.mp3,"Mose gblɔ be, “Elabena wodo aflaga ɖe dzi le Yehowa ƒe fiazi la ŋgɔ, Yehowa anɔ aʋa wɔm kple Amalekitɔwo tso dzidzime yi dzidzime.”" data/train/EXO/EXO_027_Verse_013.mp3,"Tsɔ akɔbli wɔ lãyiga, eye nàwɔ akɔblisigɛ ɖe dzogoe eneawo ŋu." data/train/EXO/EXO_022_Verse_016.mp3,“Mele be miate amedzro aɖeke ɖe to le go aɖeke me o; miɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. data/train/EXO/EXO_018_Verse_005.mp3,"Esia ta Yetro kplɔ Mose srɔ̃ Zipora yi nɛ, elabena Mose ɖo srɔ̃a ɖe fofoa gbɔ." data/train/EXO/EXO_014_Verse_010.mp3,"Esi Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ gbɔna la, Israelviwo kpɔ wo ɖaa le adzɔge ke, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wodo ɣli na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu." data/train/EXO/EXO_012_Verse_042.mp3,"Ne wotɔ hena nuɖuɖu la, wowɔa abolo kple amɔ maʋamaʋã si wotsɔ ɖe asi la ŋu dɔ. Amɔ la meʋã o, elabena ɖe wonya wo le Egipte, eye womekpɔ ɣeyiɣi aɖeke ana woƒe amɔ naʋã woatsɔ ɖe asi na mɔzɔzɔ la o." data/train/EXO/EXO_001_Verse_001.mp3,Ame siwo katã kplɔ Yakob ɖo yi Egipte la anɔ ame blaadre. Yosef ya nɔ afi ma xoxo. data/train/EXO/EXO_040_Verse_012.mp3,"Esi akaɖiawo le Yehowa ŋkume le ɖoɖoawo nu," data/train/EXO/EXO_038_Verse_006.mp3,"Bezalel ƒe kpeɖeŋutɔe nye Oholiab, ame si nye Ahisamak, tso Dan ƒe to la me la ƒe viŋutsu. Eya hã nye aɖaŋutɔ gã aɖe, eye wòde ŋgɔ le nukpakpa kple avɔlɔlɔ̃ me hekpe ɖe nulɔlɔ̃ ɖe avɔwo me kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi dada ƒe ka ŋu." data/train/EXO/EXO_022_Verse_031.mp3,"Nenye lã wɔadã aɖee wui la, ekema ele be dzikpɔla la natsɔ lã la ƒe kukua vɛ abe ɖaseɖiɖi kple kpeɖodzi ene. Ekema teƒeɖoɖo aɖeke mahiã o." data/train/EXO/EXO_021_Verse_004.mp3,“Ele be woawu ame sia ame si aƒo fofoa alo dadaa. data/train/EXO/EXO_013_Verse_008.mp3,"Le gbe ma gbe la, migblɔ na mia viŋutsuwo be, ‘Mele esia wɔm ɖe nu si Yehowa wɔ nam, esi medo go le Egipte la ta.’" data/train/EXO/EXO_026_Verse_009.mp3,"Ke hena avɔ si le agbadɔ la megbe la, woatsɔ avɔ afã si susɔ la atsi ɖe agbadɔ la megbe." data/train/EXO/EXO_009_Verse_025.mp3,"Ne miegbe asiɖeɖe le wo ŋu, eye miezi wo dzi la," data/train/EXO/EXO_029_Verse_019.mp3,"eye woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la. Mekplɔ wo tso Egipte ale be mate ŋu anɔ wo dome. Nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la.”" data/train/EXO/EXO_018_Verse_006.mp3,"Etia ame zazɛ̃wo le Israelviwo katã dome. Ena wozu ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo adrɔ̃ ʋɔnu na ame akpewo, bubuwo na alafawo, bubuwo na blaatɔ̃wo kple ewowo." data/train/EXO/EXO_037_Verse_005.mp3,"Etsɔ akasiati kpa kpo didi eve, fa sika ɖe wo ŋu," data/train/EXO/EXO_036_Verse_008.mp3,"Bezalel tɔ avɔkpo atɔ̃ ɖekae, eye wòtɔ ade mamlɛa hã ɖekae, ale wozu avɔ gã didi eve." data/train/EXO/EXO_025_Verse_030.mp3,"Tsɔ sika nyuitɔ wɔ nublanuikpɔkpɔzikpui si adidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòakeke sentimita blaadre-vɔ-ade." data/train/EXO/EXO_016_Verse_000.mp3,Ale Israelviwo dzudzɔ wo ɖokuiwo le ŋkeke adrelia gbe. data/train/EXO/EXO_032_Verse_018.mp3,"Gblẽm ɖi azɔ, eye nye dɔmedzoe nabi ɖe wo ŋu. Matsrɔ̃ wo katã, eye mawɔ wò, Mose nàzu dukɔ gã aɖe ɖe wo teƒe.”" data/train/EXO/EXO_012_Verse_012.mp3,"Farao kple eƒe aɖaŋudelawo kple Egiptetɔwo katã fɔ le zã ma me. Avifafa nɔ Egiptenyigba blibo la dzi, elabena aƒe aɖeke menɔ anyi esi me ame meku le o." data/train/EXO/EXO_015_Verse_024.mp3,"“Yehowae nye nye ŋusẽ kple xɔnametɔ, eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Eyae nye nye Mawu, eya ta makafui. Eyae nye fofonye ƒe Mawu, eya ta madoe ɖe dzi." data/train/EXO/EXO_029_Verse_003.mp3,"“Azɔ la, he agbo evelia vɛ. Na Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe eya hã ƒe ta dzi." data/train/EXO/EXO_016_Verse_018.mp3,"Israelviwo yɔa abolo la be, “mana.” Ele ɣie abe bliku ene, eye wòvivina abe akpɔnɔvivi si me wode anyitsii ene." data/train/EXO/EXO_018_Verse_022.mp3,"Yetro, Mose to kple Mose ƒe viŋutsuwo kple srɔ̃a wova Mose gbɔ le gbegbe, afi si woƒu asaɖa anyi ɖo, le Mawu ƒe to la gbɔ." data/train/EXO/EXO_036_Verse_011.mp3,"Emegbe la, wotsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ lae." data/train/EXO/EXO_007_Verse_005.mp3,"Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ do ɖe Egipte tsiwo katã dzi ekema Egipte tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo, tsi si woku da ɖi katã atrɔ zu ʋu! Ʋu anɔ afi sia afi le Egiptenyigba dzi, anɔ tsitɔkpowo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.’ ”" data/train/EXO/EXO_024_Verse_012.mp3,"Mose ŋlɔ Yehowa ƒe seawo katã da ɖi. Esi ŋu ke ŋdi kanya la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe to la te, eye wòɖo dzesidekpe wuieve ƒo xlã vɔsamlekpui la, elabena to wuievee wɔ Israel dukɔ la." data/train/EXO/EXO_040_Verse_006.mp3,"Ekeke avɔ la ɖe atixɔ la ŋu, eye wòda tamenuwo ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene." data/train/EXO/EXO_006_Verse_002.mp3,"Amram ɖe Yoxebed, fofoa nɔvinyɔnu; wo viwoe nye Mose kple Aron. Amram nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137)." data/train/EXO/EXO_021_Verse_006.mp3,"Ke ne amea meɖo be yeawu ame o, gake Mawu ɖe mɔ wòva eme la, ekema mafia teƒe aɖe wòasi ayi, eye wòakpɔ sitsoƒe." data/train/EXO/EXO_024_Verse_017.mp3,"Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe Sinai to la dzi, eye lilikpo la tsyɔ to la dzi ŋkeke ade. Le ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa yɔ Mose tso lilikpo la me." data/train/EXO/EXO_029_Verse_044.mp3,Ɖe agbo si wòwu hena Aron ɖoɖo nunɔlae la ƒe akɔ. Nyee le yame le Yehowa ŋkume abe vɔsa ƒe dzesi ene. Akɔ sia nazu tɔwò. data/train/EXO/EXO_040_Verse_028.mp3,"Mose kɔ zɔwo de sɔtiawo te, eye wòklã ʋuƒowo ɖe sɔtiawo ŋu." data/train/EXO/EXO_021_Verse_027.mp3,"“Ne ezu wò kluvi hafi va ɖe srɔ̃ la, ekema eya ɖeka koe azu ablɔɖeme. Ke ne eɖe srɔ̃ hafi va zu wò kluvi la, ekema eya ŋutɔ kple srɔ̃a siaa azu ablɔɖemewo le ŋkeke ɖeka ma dzi." data/train/EXO/EXO_016_Verse_009.mp3,"Esi Aron nɔ nu ƒom na Israelviwo ƒe ha bliboa la, wonye kɔ kpɔ gbegbe lɔƒo, eye le afi ma wokpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wònɔ keklẽm le aliliwo me." data/train/EXO/EXO_019_Verse_010.mp3,"Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi dukɔ la gbɔ, eye nàkpɔ be ameawo le klalo na nye vava. Kɔ wo ŋuti egbe kple etsɔ, eye nàna woanya woƒe awuwo." data/train/EXO/EXO_005_Verse_004.mp3,"Farao bia be, “Ame kae nye Yehowa be maɖo toe, eye maɖe asi le Israel ŋu? Nyemenya Yehowa o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋu o.”" data/train/EXO/EXO_039_Verse_026.mp3,"Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtaka la te, wote ɖe afi si wotsi kɔmewu la ɖe alidziblanu la ŋu la ŋu." data/train/EXO/EXO_025_Verse_001.mp3,"“Alɔ ade nanɔ akaɖiti la ƒe axawo dzi, etɔ̃ nanɔ akaɖiti la ƒe axawo kple eve dzi." data/train/EXO/EXO_001_Verse_007.mp3,eye wogazi wo dzi wu tsã. data/train/EXO/EXO_013_Verse_015.mp3,"Mose tsɔ Yosef ƒe ƒuwo ɖe asi, elabena Yosef na Israelviwo ka atam le Mawu ƒe ŋkume be yewoatsɔ eƒe ƒuwo ɖe asi ne Mawu akplɔ yewo adzoe tso Egipte, abe ale si wòka ɖe edzi be Mawu awɔe ene." data/train/EXO/EXO_009_Verse_009.mp3,"Esi Farao kpɔ be tsidzadza, kpetsi kple dziɖegbe la tɔ la, egawɔ nu vɔ̃; eya kple eƒe dumegãwo sẽ woƒe dzi me." data/train/EXO/EXO_040_Verse_035.mp3,“Tu agbadɔ la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. data/train/EXO/EXO_040_Verse_021.mp3,"Ke ne lilikpo la tɔ la, woawo hã wotɔna va se ɖe esime lilikpo la gaɖe zɔ." data/train/EXO/EXO_012_Verse_044.mp3,"“Tso azɔ dzi yina la, ɣleti siae anye gbãtɔ kple ɣleti vevitɔ wu na mi le ƒea me." data/train/EXO/EXO_039_Verse_029.mp3,Wotsi nyawowoe siwo wotu kple sika nyuitɔ la ɖe yevuboɖa eve ɖe sia ɖe dome le awu la to. data/train/EXO/EXO_008_Verse_026.mp3,"Woli kɔ wo gleglegle, eye wohe ʋeʋẽ sẽŋu aɖe va anyigba blibo la dzi." data/train/EXO/EXO_023_Verse_018.mp3,“Mègana ame aɖeke ƒe ahedada nana nàtrɔ eƒe nya dzɔdzɔe wòazu nya gbegblẽ o. data/train/EXO/EXO_039_Verse_041.mp3,"Xɔxɔnu la ŋu ƒe avɔwo kple woƒe tsyotiwo, xɔxɔnu la ƒe agbonuvɔwo, kpɔtiawo; woƒe zɔwo, woƒe kawo kple gatagbadzɛawo; nu siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu me." data/train/EXO/EXO_014_Verse_024.mp3,"Wotrɔ ɖe Mose gbɔ helĩ liʋĩliʋĩ be, “Ɖe nèkplɔ mí va afi sia be míaku ɖe gbedzi, elabena yɔdowo mele Egipte oa? Nu kae nye esi nèwɔ be nèkplɔ mí do goe tso Egipte?" data/train/EXO/EXO_010_Verse_002.mp3,"elabena ʋetsuviawo xe anyigba la ƒe ŋkume, eye woxe ɣe hã ƒe ŋkume; ale viviti do ɖe anyigba la dzi. Gawu la, woɖu ati kple gbe ɖe sia ɖe si kpetsi la gblẽ ɖi, ale be nu mumu si nye ati alo gbe la ƒe ɖeke kura meganɔ Egiptenyigba blibo la dzi o." data/train/EXO/EXO_007_Verse_012.mp3,Mose kple Aron ƒe wɔnawo mewɔ dɔ aɖeke ɖe edzi o; etrɔ yi eƒe fiasã me. data/train/EXO/EXO_037_Verse_002.mp3,"Egatsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Akaɖiti la ƒe zɔ, ati didi la, akaɖigbɛawo ƒe nɔƒe kple seƒoƒo siwo woatsɔ aɖo atsyɔ̃ na akaɖiti la katã nye nu blibo ɖeka." data/train/EXO/EXO_005_Verse_017.mp3,"Mose kple Aron woƒoe ɖe Farao nu be, “Hebritɔwo ƒe Mawu la do go mí, ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, eye míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma. Ne míeɖo to eƒe gbe o la, dɔvɔ̃ awu mí alo míatsi futɔwo ƒe yi nu.”" data/train/EXO/EXO_001_Verse_014.mp3,"Le esia ta Mawu yra vixelawo. Ale Israelviwo dzi ɖe edzi, eye wokpɔ ŋusẽ ŋutɔ." data/train/EXO/EXO_029_Verse_021.mp3,"Le esia yome la, xɔ nu siawo le wo si, eye nàtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numeme si ʋẽna lĩlĩlĩ ɖe Yehowa ene." data/train/EXO/EXO_021_Verse_001.mp3,"ekema ame si ƒe vudo wònye la axe fe na nyitɔ ɖe lã la ta, eye lã kuku la azu vudotɔ tɔ." data/train/EXO/EXO_019_Verse_023.mp3,"Yehowa ɖi va Sinai to la tame. Eyɔ Mose be wòava to la dzi, eye Mose lia to la yi egbɔ." data/train/EXO/EXO_001_Verse_008.mp3,"Fia Farao va de se na eƒe amewo katã be, “Miatsɔ ŋutsuvi ɖe sia ɖe si woadzi la aƒu gbe ɖe Nil tɔsisi la me, ke miana nyɔnuviwo ya natsi agbe.”" data/train/EXO/EXO_011_Verse_009.mp3,"Ŋutsuvi tsitsiwo katã aku le ƒome ɖe sia ɖe me le Egipte, tso Farao ƒe viŋutsu tsitsitɔ, ame si aɖu fia ɖe eteƒe la dzi va se ɖe eƒe kluvi gblɔetɔ kekeake ƒe viŋutsu tsitsitɔ dzi. Gawu la, lãwo gɔ̃ hã ƒe ŋgɔgbeviwo hã aku." data/train/EXO/EXO_030_Verse_008.mp3,"Fiẽ sia fiẽ la, Aron agado dzudzɔ kple lifi le Yehowa ŋkume, ne esi akaɖiawo. Nu sia ayi edzi tso dzidzime yi dzidzime." data/train/EXO/EXO_034_Verse_034.mp3,"“Ɖo ŋku edzi miaɖu Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui, si nye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe la miaɖu Avaɖoɖo ƒe Ŋkekenyui le ƒea ƒe nuwuwu." data/train/EXO/EXO_036_Verse_006.mp3,"Avɔkpo ɖe sia ɖe didi mita wuietɔ̃, eye wòkeke mita eve." data/train/EXO/EXO_026_Verse_000.mp3,"Agbadɔwɔvɔ la nadidi mita eve le axa eveawo dzi, akpa mamlɛa naxe agbadɔ la ƒe axawo dzi be woaxe teƒeawo." data/train/EXO/EXO_025_Verse_035.mp3,"Wɔ kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye ɖeka anɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka." data/train/EXO/EXO_032_Verse_005.mp3,"Aron ɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, mègado dɔmedzoe helĩhelĩ nenema o. Ènya ame siawo nyuie, eye ènya ameha vɔ̃ɖi si wonye." data/train/EXO/EXO_036_Verse_024.mp3,"Wotsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye wogatsɔ gbɔ̃gbalẽwo tsyɔ alẽgbalẽawo dzi." data/train/EXO/EXO_026_Verse_027.mp3,"Tɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, na be gbãtɔ ƒe kawo nasɔ ɖe evelia tɔwo nu." data/train/EXO/EXO_005_Verse_012.mp3,“Migana gbe ƒuƒu Israelviwo azɔ na anyikpeawo meme o; mina woayi aɖadi woawo ŋutɔ ƒe gbe ƒuƒu. data/train/EXO/EXO_003_Verse_007.mp3,"Ke Mose biae be, “Ne meyi Israelviwo gbɔ, eye megblɔ na wo be, ‘Mia fofowo ƒe Mawue ɖom ɖa’ la, woabia be, ‘Mawu sia ŋkɔ ɖe?’ Ekema nya ka magblɔ na wo?”" data/train/EXO/EXO_012_Verse_033.mp3,"Migagblẽ lã la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o. Ne miete ŋu ɖu wo katã gbe ma gbe ƒe fiẽ o la, ele be miatɔ dzo esi susɔ." data/train/EXO/EXO_029_Verse_040.mp3,"Wui eye nàɖe ʋu la asi ɖe Aron kple via ŋutsuwo ƒe nuɖusitowo, woƒe degblefetsu ɖusitɔwo kple woƒe nuɖusi ƒe afɔbidɛ gãtɔwo ŋu. Hlẽ ʋu mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu kpe ɖo." data/train/EXO/EXO_036_Verse_002.mp3,"Ale sɔti enyi nɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, eye klosalozɔ wuiade nɔ wo te: eve nɔ ɖe sia ɖe te." data/train/EXO/EXO_034_Verse_003.mp3,Dzra ɖo etsɔ ŋdi nàva kpɔm le Sinai to la dzi. data/train/EXO/EXO_004_Verse_016.mp3,"Ke Mose ɖe kuku na Yehowa be, “O, nye Aƒetɔ, nyemeƒoa nu nyuie o. Nyemeƒo nu nyuie kpɔ o; nyemenye nuƒola nyui aɖeke fifia hã o, togbɔ be èƒo nu nam gɔ̃ hã, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu tututu o.”" data/train/EXO/EXO_028_Verse_002.mp3,"Awu siwo woatɔ la woe nye: akɔtaɖonu, dziwui ʋlaya si ŋu abɔ mele o, eye wòdidi tso abɔta va se ɖe klo te, dziwui, tablanu kple alidziblanu. Woatɔ awu kɔkɔewo na Aron kple via ŋutsuwo be woawɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam." data/train/EXO/EXO_012_Verse_017.mp3,Israelviwo dzo le Rameses le zã ma me heɖo ta Sukɔt. Ŋutsu akpe alafa ade kple nyɔnuwo kple ɖeviwo dze mɔ kple afɔ. data/train/EXO/EXO_039_Verse_036.mp3,"Wotsɔ sika wɔ kae, eye wotsɔ sikaka la lé onikskpe eve siwo wotɔ ɖe abɔtaka si le kɔmewu la ŋu lae. Woŋlɔ Israelviwo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi," data/train/EXO/EXO_040_Verse_014.mp3,Etsɔ atike ʋeʋĩwo do dzudzɔ ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. data/train/EXO/EXO_018_Verse_020.mp3,"Yetro dɔ ame ɖo ɖe Mose gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Nye towò, Yetro kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsu eveawo míegbɔna gbɔwò.”" data/train/EXO/EXO_034_Verse_018.mp3,“Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o. Mele be Ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalã lã ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. data/train/EXO/EXO_037_Verse_020.mp3,Nenema ke woɖo atsyɔ̃ na akaɖiti la kple kplu ene siwo wowɔ ɖe “almɔd” seƒoƒo ƒe nɔnɔme me. data/train/EXO/EXO_006_Verse_025.mp3,"Tete Yehowa ɖe gbe na Mose kple Aron tso Israelviwo kple Farao, Egipte fia ŋu gblɔ na wo be woakplɔ Israelviwo ado goe tso Egipte." data/train/EXO/EXO_008_Verse_018.mp3,"Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ etsɔ ŋdi kanya, nàdo go Farao esime wòyina tsi le ge le tɔsisi la me. Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm." data/train/EXO/EXO_037_Verse_012.mp3,eye wòtsɔ wo ƒo ɖe sikasigɛawo me hena nubablaɖaka la kɔkɔ. data/train/EXO/EXO_001_Verse_006.mp3,"Eva eme be fia yeye aɖe va ɖu Egipte dzi, ame si menya Yosef o." data/train/EXO/EXO_015_Verse_020.mp3,"Wò ŋɔtimegbɔgbɔ do, eye wòna tsiawo ƒu kpo. Tsi sisi la nɔ te, eye wòlé akpa aveawo ɖe te abe gli ene, eye tsi goglo la zi ɖoɖoe le atsiaƒu la titina." data/train/EXO/EXO_039_Verse_040.mp3,"Woɖo kpe xɔasiwo ɖe fli ene me ɖe edzi. Kanelian, krisolit kple beril nɔ fli gbãtɔ me." data/train/EXO/EXO_010_Verse_000.mp3,"Ale Mose kple Aron wogayi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la le biabiam be, ‘Zi neni nàgbe toɖoɖom? Ɖe asi le nye amewo ŋu ale be woate ŋu ayi aɖasubɔm." data/train/EXO/EXO_009_Verse_011.mp3,"Eye Yehowa na wòva eme. Esi ŋu ke ŋdi la, Egiptetɔwo ƒe lãwo katã de asi kuku me, ke Israelviwo tɔwo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meku o." data/train/EXO/EXO_026_Verse_024.mp3,"Tsɔ sika tu gavi blaatɔ̃ nàtsɔ ku avɔ eveawo ƒe nuwo ƒo ƒui ale be agbadɔ la, si nye Mawu ƒe nɔƒe la, nazu nu blibo ɖeka." data/train/EXO/EXO_026_Verse_013.mp3,Sɔti blaeve nanɔ agbadɔ la ƒe anyiehe gome hã. data/train/EXO/EXO_012_Verse_000.mp3,"“ ‘Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui’ sia ɖuɖu ƒe sia ƒe ana miaɖo ŋku ŋkeke sia dzi abe gbe si gbe meɖe mi tso Egiptenyigba dzi ene, eya ta ezu se mavɔ be miaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime." data/train/EXO/EXO_038_Verse_017.mp3,"Sika si katã ŋu dɔ wowɔ le Kɔkɔeƒe la tutu me hekpe ɖe sika si wotsɔ wɔ nunyevɔsa tɔ ŋu la le “tɔn” ɖeka, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu." data/train/EXO/EXO_032_Verse_000.mp3,"Ale Mose trɔ yi Yehowa gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “O, ame siawo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe: wotsɔ sika wɔ mawuwo na wo ɖokuiwo." data/train/EXO/EXO_027_Verse_001.mp3,"Avɔ didime ma tɔgbi ke nanɔ agbadɔ la ƒe akpa evelia, eye woatsi eya hã ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu." data/train/EXO/EXO_012_Verse_018.mp3,Israelviwo katã aɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖeka dzi. data/train/EXO/EXO_004_Verse_013.mp3,"Hafi Mose nadzo le Midian la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi Egipte, elabena ame siwo katã di be yewoawu wò la, ku xoxo.”" data/train/EXO/EXO_028_Verse_009.mp3,"eye woaɖe teƒe si Aron ƒe ta nato la ɖi. Woatɔ avɔ aƒo xlã teƒe sia, abe ale si wowɔna na akpoxɔnuwo ene, ale be mavuvu o." data/train/EXO/EXO_026_Verse_004.mp3,"“Azɔ la, tsɔ amenuveve ƒe nutsyɔnu si nye Aɖaka la ƒe sikanutunu la da ɖe Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la." data/train/EXO/EXO_024_Verse_011.mp3,"Mose tsɔ agbalẽ si me nublanyawo le eye wòxlẽe na ameawo, eye ameawo gagblɔ be, “Míawɔ nu sia nu si Yehowa gblɔ na mi la, eye míalé eme ɖe asi.”" data/train/EXO/EXO_026_Verse_033.mp3,"Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nanɔ sɔtiawo te, eve nanɔ ɖe sia ɖe te." data/train/EXO/EXO_030_Verse_005.mp3,"eye nàtsɔ wo awɔ dzudzɔdonu abe ale si dzudzɔdonuwɔlawo wɔnɛ ɣe sia ɣi ene pɛpɛpɛ. De dze sue aɖe eme, eye wòanye dzudzɔdonu kɔkɔe si dza." data/train/EXO/EXO_025_Verse_021.mp3,"Seƒoƒo ɖeka kple eƒe tamekuku nanɔ alɔdze eve ƒe kpeƒe; ɖeka nanɔ alɔdze eve siwo kplɔ gbãtɔ ɖo la ƒe kpeƒe, eye ɖeka hã nanɔ etɔ̃lia ƒe kpeƒe, ale be alɔdzeawo nanye ade." data/train/EXO/EXO_002_Verse_010.mp3,"Ke esi wòkpɔ be yemagate ŋu aɣlae wòadidi wu nenema o la, etsɔ aƒla lɔ̃ kusi, eye wòsi aŋɔ ɖe eme ale be tsi mate ŋu age ɖe eme o. Ekɔ ɖevi la mlɔ kusi la me, eye wòtsɔe ɣla ɖe aƒla siwo le Nil tɔsisi la to la me." data/train/EXO/EXO_004_Verse_020.mp3,"Mose trɔ yi aƒe me; edzro nya la me kple toa, Yetro, hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, ɖe mɔ nam matrɔ ayi nye ƒometɔwo gbɔ le Egipte ne makpɔe ɖa be wogale agbe mahã?” Yetro ɖo eŋu be, “Yi faa, nye yayrawo le yowòme.”" data/train/EXO/EXO_040_Verse_020.mp3,"Hlẽ ami sisi la ɖe numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo ŋuti, eye nàkɔ wo ŋu; ekema vɔsamlekpui la ŋuti akɔ nyuie." data/train/EXO/EXO_028_Verse_013.mp3,"Kpeawo katã nanɔ wuieve, ɖe sia ɖe ɖe Israel ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔ nu. Woaɖe Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi ɖekaɖeka abe ŋkɔsigɛ ene." data/train/EXO/EXO_002_Verse_021.mp3,"Woɖo eŋu nɛ be, “Egiptetɔ aɖee xɔ mí le alẽkplɔla mawo ƒe asi me, eye wòku tsi na míaƒe alẽhawo.”" data/train/EXO/EXO_004_Verse_003.mp3,"Aron gblɔ nu siwo Yehowa gblɔ na Mose la na wo, eye Mose wɔ nukunuawo wokpɔ." data/train/EXO/EXO_015_Verse_023.mp3,"Yehowa nye aʋawɔla, Ɛ̃, eŋkɔe nye Yehowa." data/train/EXO/EXO_005_Verse_022.mp3,"Woƒoa Israelviwo ƒe dɔnunɔla siwo Farao ɖo wo nu, eye wobluna ɖe wo ta be, “Nu ka ta mieme anyikpe xexlẽme si wòle be miame etsɔ alo egbe abe tsã ene o?”" data/train/EXO/EXO_010_Verse_021.mp3,"Mose ɖo eŋu be, “Míayi kple mía viŋutsuwo, mía vinyɔnuwo kple míaƒe lãwo, elabena ŋkekenyui ɖu ge míeyina na Yehowa.”" data/train/EXO/EXO_034_Verse_013.mp3,"Kpɔ nyuie be màbla nu kple ame siwo le anyigba si dzi yim miele la gbeɖegbeɖe o, elabena ne miebla nu kpli wo la, miade asi woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me kaba." data/train/EXO/EXO_040_Verse_027.mp3,Mose kɔ akaɖiti la da ɖe kplɔ̃ la kasa le agbadɔ la me le dziehe lɔƒo. data/train/EXO/EXO_038_Verse_000.mp3,Agbadɔ la keke mita blaeve-vɔ-ene le ɣetoɖoƒe gome. Wotsi avɔ la ɖe kpɔti ewo siwo te zɔ ɖekaɖeka le kple klosalogatagbadzɛawo kple klosalohelétiawo ŋu. data/train/EXO/EXO_004_Verse_004.mp3,"Azɔ la, Yehowa gblɔ na Aron be, “Yi gbedzi ne nàkpe Mose.” Ale Aron zɔ mɔ yi Mawu ƒe to, Horeb gbɔ ɖado go Mose le afi ma, eye wògbugbɔ nu nɛ." data/train/EXO/EXO_013_Verse_013.mp3,Miaɖu abolo maʋamaʋã le ŋkeke adre mawo me; womakpɔ naneke si ʋã la le mia dome o alo akpɔ amɔʋãtike le miaƒe liƒowo me o. data/train/EXO/EXO_036_Verse_001.mp3,"Ale Mose ɖe gbeƒã na amewo katã le asaɖa la me be nudzɔdzɔ aɖeke megahiã o. Ale ameawo dzudzɔ nunanawo tsɔtsɔ vɛ," data/train/EXO/EXO_026_Verse_025.mp3,Tu agbadɔ la ɖe nɔnɔme si mefia wò le to la dzi la nu pɛpɛpɛ. data/train/EXO/EXO_002_Verse_002.mp3,"Esi Mose tsi, eye wòzu ɖekakpui la, eɖi tsa gbe ɖeka be yeakpɔ ye nɔvi Hebritɔwo ɖa. Ekpɔ fuwɔame kple teteɖeanyi si te wonɔ. Ekpɔ Egiptetɔ aɖe wòƒo nɔvia Hebritɔ aɖe ƒu anyi." data/train/EXO/EXO_004_Verse_019.mp3,Mose gblɔ nu siwo Yehowa ɖo na wo be woawɔ kple nya siwo woagblɔ la na Aron. Eƒo nu tso nukunu siwo woawɔ le Farao ŋkume la hã ŋu nɛ. data/train/EXO/EXO_014_Verse_006.mp3,"Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa, ne mekɔ nye ŋkɔ ŋuti to Farao, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe sɔdolawo dzi.”" data/train/EXO/EXO_033_Verse_005.mp3,"Ke màkpɔ nye ŋkume ya o, elabena ame aɖeke makpɔ nye ŋkume, eye wòaganɔ agbe o." data/train/EXO/EXO_036_Verse_007.mp3,"Aɖaŋuvɔlɔ̃lawo katã tsɔ avɔ blɔtɔ kple avɔ dzĩ ƒomevi eve wɔ avɔkpo ewo, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe wo me hetsɔ wo wɔ Mawu ƒe dɔ lae." data/train/EXO/EXO_020_Verse_002.mp3,"elabena le ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adrelia gbe, eya ta Yehowa yra Dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe." data/train/EXO/EXO_019_Verse_007.mp3,"Esi kpẽ la ƒe ɖiɖi ganɔ sesẽm ɖe edzi la, Mose ƒo nu, eye Mawu ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ aɖe." data/train/EXO/EXO_036_Verse_030.mp3,"Wotɔ avɔkpo atɔ̃ ɖe wo nɔewo nu, le didime nu, eye wogatɔ avɔkpo atɔ̃ mamlɛa hã nenema ke. Ale wokpɔ xɔgbãvɔ didi eve." data/train/EXO/EXO_001_Verse_005.mp3,"Esi vixelawo vɔ̃a Mawu ta la, Mawu na viwo woawo hã." data/train/EXO/EXO_022_Verse_018.mp3,"“Na wò nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo nanɔ wo dadawo gbɔ ŋkeke adre, eye nàtsɔ wo nam le ŋkeke enyilia gbe." data/train/EXO/EXO_018_Verse_013.mp3,"Mose yi ɖakpe toa, eye wòxɔe dzidzɔtɔe. Wobia wo nɔewo ƒe agbe ta, eye woyi ɖe Mose ƒe agbadɔ me hena nya aɖewo ŋu bubu." data/train/EXO/EXO_029_Verse_023.mp3,"Mado go Israelviwo le afi ma, eye nye ŋutikɔkɔe akɔ agbadɔ la ŋu." data/train/EXO/EXO_028_Verse_032.mp3,Tɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò ŋutsu Aron be woade kɔkɔ kple bubu eŋu. data/train/EXO/EXO_032_Verse_004.mp3,"Aron ɖo eŋu na wo be, “Miɖe sikatogɛ siwo mia srɔ̃wo, mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo de la eye miatsɔ wo vɛ nam.”" data/train/EXO/EXO_039_Verse_007.mp3,"Bezalel tu sika wòzu falɛe, eye wòfe eme wòzu sikaka suesuewo. Etsɔ wo na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo be woalɔ̃ nu ɖe avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la me. Enye aɖaŋu nyui aɖe si nya kpɔ ŋutɔ." data/train/EXO/EXO_040_Verse_034.mp3,"Tsɔ nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la de eme, eye nàtsi xɔmetsovɔ la ale be wòaɣla nubablaɖaka la ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la." data/train/EXO/EXO_020_Verse_023.mp3,Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me. data/train/EXO/EXO_016_Verse_021.mp3,"Le ŋdi la, miakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe geɖe wu, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ le eya, Yehowa ŋu, elabena menye míawo ŋue mielĩ liʋĩliʋĩ le o. Ame kawo míenye?”" data/train/EXO/EXO_040_Verse_025.mp3,"Le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wotu agbadɔ la." data/train/EXO/EXO_012_Verse_050.mp3,"Ʋu si miesi ɖe ʋɔtrutiwo ŋu la anye dzesi be mieɖoa tom. Ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti. Nyemawu viŋutsu gbãtɔwo ne meyina Egiptetɔwo tɔwo wu ge o." data/train/EXO/EXO_033_Verse_001.mp3,Ekema ameawo katã doa gbe ɖa eye wodea ta agu na lilikpo la le woƒe agbadɔwo nu. data/train/EXO/EXO_039_Verse_019.mp3,Sikaka eve tsi ɖe sikanulénu eve ŋu le abɔtawu la ƒe dzogoe eveawo tame; data/train/EXO/EXO_026_Verse_029.mp3,"Tɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe avɔ la ƒe go eve me, eye ka siwo le avɔwo me la nasɔ ɖe wo nɔewo dzi le go eveawo me." data/train/EXO/EXO_012_Verse_013.mp3,"Farao yɔ Mose kple Aron le zã ma me, eye wògblɔ be, “Netsɔ, midzo le mía gbɔ, míeɖe kuku, mi katã midzo! Mia ŋutɔwo kple Israelviwo; miyi miasubɔ Yehowa abe ale si miebia ene." data/train/EXO/EXO_010_Verse_013.mp3,"Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Egiptetɔwo megatea ŋu ʋãna o, le esime kekeli nɔ Israelviwo gbɔ abe tsã ene." data/train/EXO/EXO_028_Verse_003.mp3,"Azɔ la, tɔ ka blɔtɔwo ɖe akɔtawu la te, eye nàtsɔ kawo atsi ɖe sikasigɛ siwo le dziwui ʋlaya la te la ŋu. Esia ana be akɔtawu la nalé ɖe dziwui la ŋu." data/train/EXO/EXO_036_Verse_016.mp3,"Le esia megbe la, wodze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi," data/train/EXO/EXO_028_Verse_016.mp3,"Na Aron nado dziwui ʋlaya la ɣe sia ɣi si wòayi be yeawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa, eye sikanyawowoeawo nanɔ ɖiɖim kliŋkliŋkliŋ le Yehowa ŋkume le Kɔkɔeƒe la kple ne edzo le eŋkume ale be maku o." data/train/EXO/EXO_028_Verse_042.mp3,Yevuboɖawo kple sikanyawowoeawo naɖɔli wo nɔewo ale be sikanyawowoe ɖeka nanɔ yevuboɖa ɖeka yome. data/train/EXO/EXO_030_Verse_022.mp3,"Tsɔ vɔsamlekpui la da ɖe xɔmetsovɔ la ŋgɔ, wòate ɖe amenuveve ƒe nutsyɔnu si nye nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la kasa, afi si mado go wò le." data/train/EXO/EXO_001_Verse_022.mp3,"Woɖo eŋu na Farao be, “Aƒetɔ, Hebri nyɔnuwo ƒe vidzidzi tsɔna ale gbegbe be, míeɖoa wo gbɔ hafi wodzia vi le wo ɖokuiwo si o. Woawo ƒe vidzidzi mexɔa ɣeyiɣi abe míaƒe Egipte nyɔnuwo tɔ ene o!”" data/train/EXO/EXO_036_Verse_019.mp3,Sɔti blaeve nɔ agbadɔ la ƒe anyiehe lɔƒo. data/train/EXO/EXO_026_Verse_021.mp3,"“Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmetsovɔ, eye nàna aɖaŋudɔwɔla nyuitɔ nalɔ̃ Kerubiwo ɖe eme." data/train/EXO/EXO_022_Verse_009.mp3,"Ke ne nya sia dzɔ le ŋkeke me la, ekema woatsɔe abe amewuwu ene, eye ame si wui la dze agɔ. “Ne wolé fiafitɔ aɖe la, ele be wòaɖo nu si wòfi la teƒe pɛpɛpɛ. Ne mete ŋui o la, ekema ele be woadzrae wòazu kluvi ɖe fe la nu." data/train/EXO/EXO_013_Verse_020.mp3,"Yehowa kplɔa wo kple lilikpo dodo aɖe le ŋkeke me. Le zã me la, ekplɔa wo kple dzo bibi aɖe. Ale wotea ŋu zɔa mɔ le ŋkeke me kple zã me siaa." data/train/EXO/EXO_032_Verse_031.mp3,"Yehowa yi edzi be, “Mekpɔ be dukɔ sia me tɔwo nye kɔlialiatɔwo kple aglãdzelawo." data/train/EXO/EXO_037_Verse_009.mp3,"Ewɔ kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye wòwɔ ɖeka wònɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka." data/train/EXO/EXO_017_Verse_012.mp3,"Mose ɖe kuku na Yehowa be, “Nu ka mawɔ? Wole klalo be yewoaƒu kpem.”" data/train/EXO/EXO_026_Verse_030.mp3,Woatsɔ klosalo awɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nanɔ ati ɖe sia ɖe te. data/train/EXO/EXO_001_Verse_002.mp3,"Azɔ la, Israelviwo ƒe dzidzimeviwo dzina kabakaba. Wodzi sɔ gbɔ ale gbegbe be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wozu dukɔ gã aɖe, eye woyɔ anyigba la dzi fũu." data/train/EXO/EXO_023_Verse_010.mp3,"“Mana vɔvɔ̃ si le ŋunye la nalé dukɔ siwo katã ƒe anyigba ŋu miaho aʋa ɖo, woasi le mia ŋgɔ." data/train/EXO/EXO_031_Verse_006.mp3,"“Kpɔ ɖa, metia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me." data/train/EXO/EXO_031_Verse_012.mp3,"Nunɔla Aron ƒe awu nyui kɔkɔewo kple Aron ƒe viŋutsuwo ƒe awuwo, ale be woate ŋu awɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene," data/train/EXO/EXO_036_Verse_028.mp3,Wotsɔ sikasigɛwo lé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. data/train/EXO/EXO_008_Verse_020.mp3,"Mose gblɔ be, “Ve nunye, eye nàgblɔ ɣeyiɣi si nàna woayi la nam ekema mado gbe ɖa be akpɔkplɔawo naku le ɣeyiɣi si dzi tututu nàtɔ asii la dzi. Akpɔkplɔawo aku le afi sia afi negbe le tɔsisi la me ko.”" data/train/EXO/EXO_036_Verse_035.mp3,"Woɖo daɖedzitiawo ale gbegbe be wokpe le titina, eye wodo tso go ɖeka me yi go kemɛ me." data/train/EXO/EXO_021_Verse_013.mp3,"Ke ne nyi la wu kluvi alo kosivi la, ekema woaxe klosalo blaetɔ̃ na kluvi la alo kosi la ƒe aƒetɔ, eye woaƒu kpe nyi la wòaku." data/train/EXO/EXO_029_Verse_008.mp3,"Ele be nàtsɔ nyitsu ɖeka awɔ nuvɔ̃ŋutivɔsa gbe sia gbe. Emegbe la, nàkɔ vɔsa la ŋu to nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa le eŋu me. Kɔ ami ɖe edzi be eŋu nakɔ." data/train/EXO/EXO_002_Verse_006.mp3,"Farao se nya la, eye wòɖe gbe be woalée, awui. Ke Mose si le Farao nu yi ɖe Midianyigba dzi, eye wònɔ anyi ɖe vudo aɖe to." data/train/EXO/EXO_008_Verse_000.mp3,"Akpɔkplɔawo ata le wò ŋutɔ, wò amewo kple ŋuwòmewo katã dzi.’ ”" data/train/EXO/EXO_023_Verse_022.mp3,“Mègawɔ nubabla aɖeke kpli wo loo alo nàna kadodo aɖeke nanɔ wò kple woƒe mawuwo dome o. data/train/EXO/EXO_010_Verse_018.mp3,"Mose wɔ alea, eye blukɔ tsiɖitsiɖi aɖe do ɖe Egiptenyigba blibo la dzi ŋkeke etɔ̃." data/train/EXO/EXO_030_Verse_009.mp3,Ga si ame sia ame si woxlẽ naxe la nye klosalo gram ade. Ke nu si woaxe la aku ɖe kɔkɔeƒe ga home si woabia tso wo si le ƒe ma me la ŋu. Woadzɔ nu sia na Yehowa. data/train/EXO/EXO_039_Verse_013.mp3,kplɔ̃ la kple eŋunuwo katã; ŋkumeɖobolo la; data/train/EXO/EXO_022_Verse_012.mp3,"Ke nenye ɖe wofi lã la alo nua la, ekema ele be dzikpɔla la naɖo eteƒe na nutɔ." data/train/EXO/EXO_034_Verse_020.mp3,“Mele be miawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo o. data/train/EXO/EXO_012_Verse_041.mp3,"Ne mieva ɖo anyigba si Yehowa ana mi dzi abe ale si wòdo ŋugbee na mi ene, ne miele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum," data/train/EXO/EXO_002_Verse_001.mp3,Ena vidzĩ la nɔvinyɔnu nɔ adzɔge vie ale be wòakpɔ nu si ava dzɔ ɖe ɖevi la dzi. data/train/EXO/EXO_040_Verse_005.mp3,"Do awu kɔkɔewo na Aron eye nàsi ami nɛ, akɔ eŋu be wòasubɔm abe nunɔla ene." data/train/EXO/EXO_036_Verse_022.mp3,Wofa sika ɖe sɔtiawo kple akasiati dzedzeawo ŋu. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ asigɛawo. data/train/EXO/EXO_040_Verse_026.mp3,Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo klɔ woƒe asiwo kple afɔwo le afi sia. data/train/EXO/EXO_002_Verse_009.mp3,"Ke alẽkplɔla aɖewo va nya wo. Ale Mose tsi tsitre va xɔ na wo, eye wòna tsi woƒe alẽhawo." data/train/EXO/EXO_035_Verse_020.mp3,"Mi ame siwo katã lɔ̃ faa kple ame siwo katã ƒe dɔ me nyo la, mina nu siawo Yehowa: “sika, klosalo kple akɔbli," data/train/EXO/EXO_019_Verse_021.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Mele gbɔwò va ge le lilikpo dodo aɖe me, ale be ameawo ŋutɔ nate ŋu ase nye gbe ne mele nu ƒom na wò, ekema woaxɔ dziwò ase ɣe sia ɣi.” Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa." data/train/EXO/EXO_038_Verse_014.mp3,"Le esia megbe la, ewɔ xɔxɔnu ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe akpa si le dziehe la didi mita blaene-vɔ-ene. Woxee kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi," data/train/EXO/EXO_036_Verse_012.mp3,"Emegbe la, wotsɔ sika tu ganuvi blaatɔ̃. Wosa ka kpuikpuikpuiawo ɖe ganuviawo ŋu ale wowɔ xɔgbãvɔ didi eveawo ɖekae, eye wona wòzu dzisasa na agbadɔ la." data/train/EXO/EXO_016_Verse_005.mp3,"Ame aɖewo meɖo to o: wona ŋu ke ɖe wo dzi. Kasia woakpɔ wo ɖa la, wodze nyẽ henɔ ʋeʋẽm kũu. Mose do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie," data/train/EXO/EXO_006_Verse_017.mp3,"Korah ƒe viwoe nye: Asir, Elkana kple Abiasaf. Ame siawoe wɔ ƒome siwo tso Korah ƒe hlɔ̃ me." data/train/EXO/EXO_020_Verse_007.mp3,“Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o. data/train/EXO/EXO_015_Verse_019.mp3,"Wò la, àkplɔ wo aɖo wo te le wò to si nye wò domenyinu la dzi. O, Yehowa, teƒe si nèwɔ be wòanye wò nɔƒe la, Aƒetɔ, Kɔkɔeƒe si nètsɔ wò ŋutɔ wò asiwo wɔe la." data/train/EXO/EXO_012_Verse_008.mp3,"“Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa." data/train/EXO/EXO_030_Verse_001.mp3,"Ame si awɔ esia tɔgbi be eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nado dzidzɔ nɛ la, ele be woaɖee ɖa le eƒe dukɔ la dome.”" data/train/EXO/EXO_040_Verse_009.mp3,"Emegbe la, ekɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome. Eku tsi ɖe eme wòyɔ ale be nunɔlawo ate ŋu awɔ eŋu dɔ le asikɔklɔ kple afɔkɔklɔ me." data/train/EXO/EXO_036_Verse_018.mp3,Mose tsɔ nu siwo Israelviwo dzɔ la na wo bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe. Nudzɔdzɔ bubuwo gavana ŋdi sia ŋdi. data/train/EXO/EXO_039_Verse_012.mp3,Ke wotsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ lɔ̃ nuwo ɖe alidziblanuawo me abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene. data/train/EXO/EXO_009_Verse_028.mp3,"Teƒe ɖeka pɛ si ko dzi kpetsi la medza ɖo o, le Egiptenyigba blibo la dzie nye Gosen, afi si Israelviwo nɔ." data/train/EXO/EXO_022_Verse_005.mp3,“Ele be woawu nyɔnu si nye nukala la. data/train/EXO/EXO_005_Verse_000.mp3,"Ale dɔdzikpɔlawo kple dɔnunɔlawo yi ɖagblɔ na ameawo be, “Nya si Farao gblɔe nye, ‘Nyemagana gbe ƒuƒu mi azɔ o." data/train/EXO/EXO_005_Verse_014.mp3,"Mitrɔ yi miaƒe dɔwo gbɔ, womana gbe ƒuƒu aɖeke mi o, gake ele be miame anyikpe xexlẽme si miemena gbe sia gbe tsã la kokoko!”" data/train/EXO/EXO_012_Verse_010.mp3,“Ele be miaɖu ŋkekenyui sia na Yehowa ƒe sia ƒe be wòaɖo ŋku zã si me Egiptetɔwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔwo ku la dzi. Esia zu se si me woalé ɖe asi tegbetegbe. data/train/EXO/EXO_010_Verse_020.mp3,"Mose ɖo eŋu be, “Kpao, ele be míakplɔ míaƒe lãwo hã ayi hena vɔsa kple numevɔsa na Yehowa, míaƒe Mawu la." data/train/EXO/EXO_018_Verse_000.mp3,"“Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu." data/train/EXO/EXO_034_Verse_031.mp3,"Yehowa ɖi ɖe to la dzi le lilikpo dodo aɖe me, eye wòtsi tsitre ɖe egbɔ le afi ma ɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ Yehowa nɛ." data/train/EXO/EXO_040_Verse_024.mp3,"Le esia megbe la, wɔ xɔxɔnu la ƒo xlã agbadɔ la godoo, eye nàtsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe xɔxɔnu la ƒe mɔnu." data/train/EXO/EXO_022_Verse_020.mp3,"“Ne ame aɖe nya hafi ɖe asi le eƒe lã aɖe ŋu wòge ɖe ame bubu ƒe waingble me alo wòna wòyi ame bubu ƒe lãwo ƒe gbeɖuƒe la, ele be wòatsɔ eƒe agblemenuku nyuitɔwo aɖo nu siwo eƒe lã la gblẽ la teƒe wòasɔ gbɔ ade nugbegblẽ la nu." data/train/EXO/EXO_024_Verse_007.mp3,"Mose gblɔ na ametsitsiawo be, “Minɔ afi sia, eye mialala mí va se ɖe esime míatrɔ agbɔ. Ne nya sesẽ aɖe ado ta ɖa la, ekema mitsɔ nya la ɖo Aron kple Hur ŋkume.”" data/train/EXO/EXO_018_Verse_002.mp3,"Èle ɖeɖiteameŋu kple dɔléle he ge ava ɖokuiwò dzi. Ne eva eme alea ɖe, nu kae wò amewo awɔ? Mose, dɔ sia sẽ akpa be nàvu ɖe eŋu be ye ɖeka yeawɔ." data/train/EXO/EXO_029_Verse_030.mp3,"“Tsɔ agbo si ŋu dɔ wowɔ le nunɔlawo ɖoɖo me, eye nàɖa eƒe lã le teƒe kɔkɔe aɖe." data/train/EXO/EXO_015_Verse_025.mp3,"Ŋɔdzi alé Edom fiawo, eye Moab ƒe kplɔlawo anɔ dzodzom nyanyanya, Kanaantɔwo hã ƒe dzi alolõ." data/train/EXO/EXO_036_Verse_021.mp3,"Sɔti ɖe sia ɖe kɔ mita ene, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade." data/train/EXO/EXO_004_Verse_029.mp3,"Yehowa gblɔ nɛ be, “Wɔ esia ekema woaxɔ dziwò ase, ekema woadze sii be Yehowa, wo fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawue ɖe eɖokui fia wò nyateƒe.”" data/train/EXO/EXO_039_Verse_006.mp3,"Azɔ la, wotsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi la tɔ awu ʋlayawo na Aron kple via ŋutsuwo." data/train/EXO/EXO_021_Verse_030.mp3,"Ne kosi la ƒe nu meganyo eƒe aƒetɔ ŋu o la, ekema aƒetɔ la ate ŋu ana ame bubu naƒlee. Ke aƒetɔ la mekpɔ mɔ adzra kosi la na dukɔ bubu me tɔwo o, elabena eda vo ɖe kosi la ŋu le esime megadi be wòaganye ye srɔ̃ o ta." data/train/EXO/EXO_026_Verse_020.mp3,"“Tsɔ avɔ si wolɔ̃ aɖaŋutɔe kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ kɔkɔe la." data/train/EXO/EXO_022_Verse_002.mp3,"elabena ɖewohĩ avɔ ma koe nye vuvɔxenu le esi. Aleke wòate ŋu adɔ alɔ̃e ne avɔ la mele esi o? Ne mètrɔ avɔ la nɛ o, eye wòdo ɣli bia nye xɔname la, masee, eye mave enu, elabena amenuvelae menye." data/train/EXO/EXO_029_Verse_006.mp3,"Do Aron ƒe dziwui, kɔmewu ʋlaya, kɔmewu la ŋutɔ kple akɔtatsyɔnu la nɛ, tsɔ alidziblanu si wolɔ̃ aɖaŋutɔe la bla ali dzi nɛ," data/train/EXO/EXO_016_Verse_012.mp3,"Esi ŋu ke la, nuɖuɖu la nɔ nyuie: megadze nye o eye megaʋẽ hã o, abe ale si Mose gblɔe na wo ene." data/train/EXO/EXO_028_Verse_005.mp3,"Do awu siawo na Aron ƒe viŋutsuawo. Si ami ɖe ta na wo, eye nàto esia me akɔ wo ŋu, aɖo wo nunɔlawo be woasubɔm." data/train/EXO/EXO_008_Verse_012.mp3,"Farao ɖo eŋu nɛ be, “Wɔe etsɔ si gbɔna.” Mose yi edzi be, “Enyo, ava eme abe ale si nègblɔ ene, ekema ànya be, ame aɖeke mede Yehowa, mía Mawu la nu o." data/train/EXO/EXO_012_Verse_039.mp3,"“Ne amedzro siwo le mia gbɔ di be yewoaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kpli mi la, mina woƒe ŋutsuwo katã natso aʋa, ekema woate ŋu aɖui kpli mi. Ekema woazu abe ɖe wodzi wo ɖe mia dome ene. Ke bolotɔ aɖeke mekpɔ mɔ aɖu ŋutitotolẽvi la o." data/train/EXO/EXO_031_Verse_003.mp3,"Enye nubabla si le nye kple Israelviwo dome la ƒe dzesi mavɔ, elabena ŋkeke adee nye, Yehowa metsɔ wɔ dziƒo kple anyigba, eye medzudzɔ le ŋkeke adrea gbe.”" data/train/EXO/EXO_003_Verse_013.mp3,"Mawu ɖo eŋu na Mose be, “Menye ame si Menye. Gblɔ na Israelviwo ko be, ‘Menyee dɔm ɖa.’ ”" data/train/EXO/EXO_018_Verse_001.mp3,"Ekplɔ Mose ƒe viŋutsu eveawo hã yii. Via ŋutsuvi Gersom ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Amedzro,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Menɔ tsaglalã tsam le dzronyigba dzi.”" data/train/EXO/EXO_016_Verse_008.mp3,(Dzidzenu si wotsɔna dzidzea mana la anɔ abe lita eve ene.) data/train/EXO/EXO_014_Verse_016.mp3,"Ke le ŋdi kanya la, Yehowa kplɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la to dzo bibi la me, eye wòde tɔtɔ wo dome." data/train/EXO/EXO_006_Verse_020.mp3,"Merari ƒe viwo: Mahli kple Musi. Ame siwo ŋkɔ woyɔ va yi la tso Levi ƒe ƒome me, eye woɖo wo ɖe tsitsi nu." data/train/EXO/EXO_011_Verse_002.mp3,"Elabena Yehowa na Egiptetɔwo lɔ̃ Israelviwo, eye Mose nye amegã aɖe le Egiptenyigba dzi; Farao ŋumewo kple Egiptetɔ bubuawo siaa bunɛ." data/train/EXO/EXO_038_Verse_008.mp3,"Emegbe la, egatsɔ akɔbli wɔ adzrala, eye wòlée ɖe vɔsamlekpui la te godoo, le titina na anyigba kple vɔsamlekpui la te, le teƒe si woado dzo ɖo." data/train/EXO/EXO_021_Verse_016.mp3,"“Ne ame aɖe fi ame la, ele be woawui ne wokpɔ ame si wòfi la le egbɔ loo alo ne edzrae abe kluvi ene xoxo." data/train/EXO/EXO_006_Verse_008.mp3,"“Eya ta gblɔ na Israel ƒe dzidzimeviwo be, ‘Nyee nye Yehowa, maɖe mi le Egiptetɔwo ƒe kɔkuti te, mana ablɔɖe mi tso kluvinyenye na wo me, eye maɖe mi kple alɔ sesẽ kple nukunu triakɔwo." data/train/EXO/EXO_040_Verse_019.mp3,eye wòtsɔ ŋkumeɖobolo la da ɖe kplɔ̃ la dzi le Yehowa ŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. data/train/EXO/EXO_023_Verse_009.mp3,"“Le ŋkekenyui etɔ̃ siawo katã ɖuɣiwo, le ƒe sia ƒe me la, ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa ŋkume." data/train/EXO/EXO_039_Verse_000.mp3,agbogbalẽ siwo wode ama dzĩi hena agbadɔ la tame kple eƒe axawo kple xɔmenuwo; data/train/EXO/EXO_036_Verse_015.mp3,"eye wòtu gavi blaatɔ̃ kple akɔbli na ka kpuikpuikpuiawo, ale wotsya avɔ gã didi eveawo ɖe wo nɔewo nu." data/train/EXO/EXO_028_Verse_035.mp3,Woatsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ alɔ̃ yevuboɖawo ɖe awu ʋlaya la to le awu la te eye sikanyawowoewo nanɔ yevuboɖawo dome. data/train/EXO/EXO_005_Verse_008.mp3,Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo kpɔe be nu sesẽwo ɖi kpe yewo nyateƒe be womaɖe yewoƒe gbe sia gbe kpememe la dzi na yewo o. data/train/EXO/EXO_003_Verse_008.mp3,“Makpɔ egbɔ be Egiptetɔwo tsɔ nunanawo na mi gleglegle le miaƒe dzodzoɣi ale be miadzo kple asi gbɔlo o! data/train/EXO/EXO_009_Verse_032.mp3,Yehowa ƒe nya siawo do ŋɔdzi na Egiptetɔ aɖewo ale gbegbe be wokplɔ woƒe lãwo kple kluviwo de xɔ me. data/train/EXO/EXO_028_Verse_001.mp3,"Ale wòanɔ Aron ƒe ŋgonu, eye Aron atsɔ vodada siwo anɔ Israelviwo ƒe nunanawo ŋu la aƒu akɔ. Ele be wòakplae ɣe sia ɣi si wòado ɖe Yehowa ŋkume ale be, Mawu nakpɔ ŋudzedze le nunanawo ŋu, eye wòatsɔ nu vɔ̃wo ake." data/train/EXO/EXO_003_Verse_016.mp3,"Mose ɖo ta me be, “Mayi makpɔ nu wɔnuku sia, nu si ta ŋuve la menɔ fiafiam o la ɖa.”" data/train/EXO/EXO_033_Verse_007.mp3,Mose bia Mawu be wòana yeakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe. data/train/EXO/EXO_022_Verse_024.mp3,"“Ne ame aɖe ɣe nɔvia ƒe lã alo nu bubu aɖe, eye nuvevi wɔ lã la alo wòku la, ne nutɔ menɔ afi ma ɣe ma ɣi o la, ekema ele be ame si ɣee la naxe fe ɖe eta." data/train/EXO/EXO_025_Verse_029.mp3,"“Tsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Na akaɖiti blibo la nanye nu ɖeka; ele be woatu akaɖiti la ƒe afɔwo, eƒe titinati diditɔ, akaɖiawo kple seƒoƒoawo nanye nu blibo ɖeka." data/train/EXO/EXO_016_Verse_022.mp3,"Le ŋkeke adelia dzi la, wofɔa agbɔsɔsɔ si wofɔna gbe sia gbe la ƒe teƒe eve. Wofɔa lita ene ɖe ame sia ame nu, ɖe lita eve teƒe. Kplɔlawo bia Mose be nu ka ta wòde se ma na yewo mahã." data/train/EXO/EXO_039_Verse_025.mp3,"Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe abɔtaka eveawo ŋu ɖe Akɔtawu la te, wote ɖe afi si wokpe alidziblanu la le la ŋu." data/train/EXO/EXO_003_Verse_003.mp3,"Fifia mele dɔ wò ge ɖe Farao gbɔ be nàna be wòaɖe asi le nye dukɔ Israelviwo ŋu, eye nàkplɔ wo ado goe le Egipte.”" data/train/EXO/EXO_026_Verse_035.mp3,Ɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie. data/train/EXO/EXO_009_Verse_024.mp3,"Ne menye nenema o la, fifia ya la, maɖo nye dɔvɔ̃ ɖe mia dome kple ŋusẽ blibo, wòagblẽ nu le wò ŋutɔ, wò dumegãwo kple wò amewo ŋuti ale be mianyae be ame aɖeke megale anyigba blibo la dzi abe nye ene o." data/train/EXO/EXO_016_Verse_013.mp3,"eya ta azɔ la, wofɔa nuɖuɖu la ŋdi sia ŋdi, eye aƒe sia aƒe fɔa esi wòhiã la ko. Ne ŋdɔ ʋu, eye anyigba xɔ dzo la, abolo la lolõna, eye wòbuna." data/train/EXO/EXO_018_Verse_015.mp3,"Na ame siawo nadrɔ̃ nya kukluiwo na ameawo ɣe sia ɣi. Nya veviwo kple nya sesẽwo koe woatsɔ va gbɔwòe. Ne èto mɔ sia dzi la, nuwo abɔbɔ na wò, elabena àma nyadɔdrɔ̃ ƒe agba kple nyadrɔ̃lawo." data/train/EXO/EXO_029_Verse_009.mp3,“Ele be woadzra eƒe awu kɔkɔeawo ɖo hena Via ŋutsu si ava xɔ ɖe eteƒe la ŋuti kɔkɔ ne wole eŋuti kɔm tso dzidzime yi dzidzime. data/train/EXO/EXO_026_Verse_036.mp3,Ʋuƒo blaeve nanɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. data/train/EXO/EXO_012_Verse_036.mp3,"Mitsyɔ alẽvi la ƒe ʋu ɖe gagbɛ aɖe me. Minyrɔ kakle ɖe ʋu la me, eye miatsɔe asisi ʋu la ɖe ʋɔtruti la tame kple eƒe axawo dzi, ale be ʋu nanɔ ʋɔtrutiawo ŋu. Mia dometɔ aɖeke mado go le xɔ me le zã ma me o." data/train/EXO/EXO_039_Verse_018.mp3,Nyawowoe ɖeka nɔ yevuboɖa eve dome; aleae wòle awu ʋlaya la to kpe ɖo. Awu siae woado hena subɔsubɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. data/train/EXO/EXO_030_Verse_019.mp3,numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo kple asiklɔgagbɛ la kple eƒe afɔ. data/train/EXO/EXO_007_Verse_014.mp3,"“Ne Farao abia be, ‘Miawɔ nukunu aɖe la,’ ekema gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ la da ɖe anyigba le Farao ŋkume,’ eye wòatrɔ azu da.”" data/train/EXO/EXO_023_Verse_032.mp3,"“Subɔ Yehowa, wò Mawu la ɖeɖe ko, ekema mayra wò kple nuɖuɖu kple tsi, eye maɖe dɔléle ɖa le mia dome." data/train/EXO/EXO_029_Verse_027.mp3,Na Aron kple via ŋutsuwo naɖu lã la kple abolo si le kusi la me le agbadɔ la ƒe mɔnu. data/train/EXO/EXO_017_Verse_014.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Ŋlɔe da ɖi, wòanɔ anyi ɖaa, woaɖo ŋku edzi tegbetegbe, eye nàɖe gbeƒã na Yosua be matutu Amalekitɔwo ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ.”" data/train/EXO/EXO_023_Verse_013.mp3,"Maɖo nudzodzoe teamewo ɖa woanya Hivitɔwo, Kanaantɔwo kple Hititɔwo ɖa le ŋgɔwò." data/train/EXO/EXO_002_Verse_014.mp3,"Mose tsa ŋku mlamlamla be yeaka ɖe edzi be ame aɖeke menɔ ye kpɔm o. Ewu Egiptetɔ la, eye wòɖii ɖe ke me." data/train/EXO/EXO_034_Verse_014.mp3,"Le esia megbe la, Israelviwo katã va egbɔ, eye wòtsɔ se siwo Yehowa tsɔ nɛ le Sinai toa dzi la na wo." data/train/EXO/EXO_015_Verse_006.mp3,"Esi wova ɖo Mara la, womete ŋu no tsi le afi ma o, elabena tsi la le vevem. (Esia ta woyɔa teƒe ma be Mara.)" data/train/EXO/EXO_028_Verse_026.mp3,Tsɔ kpe eveawo eye tɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi. Na Aron nakpla woƒe ŋkɔwo ɖe abɔta le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzi ene. data/train/EXO/EXO_031_Verse_014.mp3,"vɔsamlekpui la kple eŋunuwo, sikakaɖiti la kple eŋunuwo, dzudzɔdovɔsamlekpui la," data/train/EXO/EXO_028_Verse_024.mp3,"“Tsɔ avɔ blɔtɔ tɔ awu ʋlaya si le kɔmewu la te," data/train/EXO/EXO_008_Verse_002.mp3,"Akpɔkplɔwo asɔ gbɔ ɖe Nil tɔsisi la me. Woava ge ɖe wò fiasã la me, age ɖe wò xɔdɔme me, woage ɖe wò abati dzi, woage ɖe wò dumegãwo ƒe aƒewo me, eye woage ɖe abolokpowo kple amɔzewo me." data/train/EXO/EXO_028_Verse_028.mp3,Tsɔ sikakɔsɔkɔsɔ eve sa ɖe gagodo siwo le akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eveawo ŋu la ŋu. data/train/EXO/EXO_016_Verse_002.mp3,"Ale Israelviwo ɖu “mana” ƒe blaene va se ɖe esime woɖo Kanaanyigba ƒe liƒo dzi, afi si agblemenukuwo nɔ woaɖu." data/train/EXO/EXO_009_Verse_004.mp3,"Ale woɖe dzowɔ tso kpo me, eye woyi Farao gbɔ. Esi Farao nɔ wo kpɔm la, Mose wu dzowɔ la ɖe yame, eye wòzu ƒoƒoe te amewo kple lãwo siaa le anyigba blibo la dzi." data/train/EXO/EXO_040_Verse_015.mp3,"Etsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la da ɖe nubablaɖaka la me, etsi aɖakatsɔtiawo ɖe eŋu, eye wòtsɔ sikanutunu, amenuveveteƒe la tu enu." data/train/EXO/EXO_039_Verse_031.mp3,Wotsɔ avɔ si me wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka lɔ̃ nu ɖo la wɔ yevuboɖawo ɖe awu la to le ete godoo. data/train/EXO/EXO_026_Verse_014.mp3,"Tsi xɔmemɔnuvɔ sia ɖe akasiati la ƒe sɔti atɔ̃ siwo ŋu wofa sika ɖo la ŋu, eye nàtsɔ akɔbli awɔ zɔ atɔ̃ ɖe wo te.”" data/train/EXO/EXO_005_Verse_005.mp3,"Farao gagblɔ be, “Kpɔ ɖa, amewo sɔ gbɔ le anyigba la dzi, eye miele wo ɖem ɖa le woƒe dɔwo gbɔ.”" data/train/EXO/EXO_023_Verse_029.mp3,"“Ne èkpɔ wò futɔ aɖe ƒe nyi alo tedzi si tra mɔ la, ele be nàkplɔe ayi na nutɔ." data/train/EXO/EXO_033_Verse_012.mp3,"Ne esia le eme alea pɛpɛpɛ la, ekema meɖe kuku, fia wò mɔwom ale be mase wò ɖoɖowo gɔme, eye mawɔ nu si adze ŋuwò. Ɖo ŋku edzi be yeƒe dukɔe nye dukɔ sia.”" data/train/EXO/EXO_005_Verse_010.mp3,"Ke mina woagame anyikpe xexlẽme si womena tsã la; migaɖe edzi na wo o. Kuviatɔwo wonye, eya ta wole ɣli dom be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na míaƒe Mawu’" data/train/EXO/EXO_021_Verse_025.mp3,"Ne aƒetɔ la ŋutɔ ɖe kosi la, eye wògaɖe nyɔnu bubu kpe ɖe eŋu la, mele be wòaɖe kosi la ƒe nuɖuɖu alo nutata dzi akpɔtɔ loo alo agbe egbɔdɔdɔ abe srɔ̃a ene o." data/train/EXO/EXO_021_Verse_002.mp3,"ekema ele be aƒetɔ la nakplɔe va ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume, aŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui le amewo ŋkume, ekema azu kluvi azɔ tegbetegbe." data/train/EXO/EXO_008_Verse_003.mp3,"Akunyawɔlawo dze agbagba be yewo hã yewoawɔ nu ma ke kple woƒe nunya ɣaɣlawo, gake azɔ ya la, womete ŋui o, eye muawo ɖu amewo kple lãwo siaa." data/train/EXO/EXO_020_Verse_022.mp3,"Wogblɔ na Mose be, “Wò boŋ gblɔ nya si Mawu le gbɔgblɔm la na mí, eye míawɔ edzi. Ke mègana Mawu ŋutɔ naƒo nu na mí o; ne menye nenema o la, ava wu mí.”" data/train/EXO/EXO_033_Verse_003.mp3,"Enye anyigba aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo.’ Ke nyemazɔ kpli mi o, elabena mienye dukɔ kɔlialiatɔwo kple setemanɔlawo, eye mava di be matsrɔ̃ mi le mɔa dzi.”" data/train/EXO/EXO_009_Verse_017.mp3,"Ke ègatsi tsitre ɖe nye ameawo ŋu kokoko, eye nègbe be yemaɖe asi le wo ŋu woadzo o," data/train/EXO/EXO_026_Verse_001.mp3,Ale sɔti enyi nanɔ agbadɔ la ƒe akpa ma lɔƒo: klosalofɔti wuiade nanɔ wo te. Ale klosalofɔti eve nanɔ ʋuƒo ɖe sia ɖe te. data/train/EXO/EXO_023_Verse_007.mp3,"Ke ne èɖɔ ŋu ɖo, ɖo toe, eye nèwɔ nye Sewo katã dzi la, ekema manye futɔ na wò futɔwo," data/train/EXO/EXO_028_Verse_006.mp3,"Ele be Aron kple via ŋutsuwo nado awu siawo ɣe sia ɣi si woayi agbadɔ la me alo woayi vɔsamlekpui la gbɔ le Kɔkɔeƒe la. Ne womewɔ nu siawo o la, woaɖi fɔ, eye woaku. Esia nye se matrɔmatrɔ na Aron kple via ŋutsuwo.”" data/train/EXO/EXO_024_Verse_006.mp3,"Mose bu ɖe lilikpo si tsyɔ to la tame la me, eye wònɔ afi ma ŋkeke blaene kple zã blaene." data/train/EXO/EXO_032_Verse_003.mp3,"Aron lolõ sika la, eye wòtsɔe wɔ nyivi aɖe ƒe nɔnɔme. Ameawo do ɣli be, “O, Israel, esiae nye mawu si kplɔ wò do goe le Egipte!”" data/train/EXO/EXO_021_Verse_029.mp3,"“Ne Hebri ŋutsu aɖe nyi fe le asiwò, mete ŋu xee o, eye wòto esia me zu wò kluvi la, ekema ele be wòasubɔ wò ƒe ade ko. Magaxe fe aɖeke o, ke boŋ azu ablɔɖeme le ƒe adrelia me." data/train/EXO/EXO_018_Verse_017.mp3,"Ne nya dzɔ ɖe ameawo dome la, wotsɔnɛ vɛ nam, medrɔ̃nɛ na wo, eye megblɔa Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo na wo.”" data/train/EXO/EXO_008_Verse_022.mp3,"Mose lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be, “Ne medzo le gbɔwò la, mabia Yehowa be wòana togbatoawo katã nabu. Ke mele nya gbem na wò be mègable mí azɔ, ado ŋugbe na mí be yeaɖe asi le ameawo ŋu, eye emegbe nàgatrɔ susu o.”" data/train/EXO/EXO_028_Verse_040.mp3,"Wɔe ɖe dzogoe ene me, eƒe didime nanye sentimita blaeve-vɔ-eve, eye eƒe kekeme hã nanɔ nenema. Emegbe woaŋee ɖe eve." data/train/EXO/EXO_020_Verse_004.mp3,"Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi." data/train/EXO/EXO_003_Verse_000.mp3,"Esi Yehowa kpɔ be Mose yi be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve bibi la me be, “Mose, Mose!” Eye Mose tɔ be, “Nye nye esi.”" data/train/EXO/EXO_003_Verse_011.mp3,"Mawu gblɔ nɛ be, “Mègate va afi sia o. Ɖe wò afɔkpawo da ɖi, elabena anyigba kɔkɔe dzie nèle tsitre ɖo." data/train/EXO/EXO_032_Verse_022.mp3,"Mawu ŋutɔe kpa kpeawo, eye wòŋlɔ Seawo ɖe kpeawo dzi." data/train/EXO/EXO_009_Verse_026.mp3,"Nu geɖewo gblẽ le Egipte. Nu sia nu si tsi gbedzi, amewo kple lãwo siaa woku; atiwo ta ŋe, eye agblemenuwo katã gblẽ." data/train/EXO/EXO_017_Verse_000.mp3,"Abɔwo va ku ɖe Mose ŋu ale gbegbe be, magate ŋu alé atikplɔ la ɖe dzi azɔ o. Ale Aron kple Hur womli kpe aɖe vɛ, eye Mose nɔ edzi. Ame ɖeka nɔ Mose ƒe miame, eye evelia nɔ eƒe ɖusime. Wolé Mose ƒe abɔwo do ɖe dzi va se ɖe esime ɣe ɖo to." data/train/EXO/EXO_004_Verse_006.mp3,"Azɔ Yehowa gblɔ be, “Tsɔ wò asi de wò axatome.” Eye Mose tsɔ eƒe asi de axatome. Esi wòɖe asi ɖa la, eƒe asi dze kpodɔ hefu kpĩi." data/train/EXO/EXO_037_Verse_023.mp3,Wofa sika nyuitɔ ɖe eŋu eye wotsɔ sika mimli ɖo atsyɔ̃ na eto kpe ɖo. data/train/EXO/EXO_039_Verse_003.mp3,Ale Israelviwo wɔ dɔ blibo la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. data/train/EXO/EXO_028_Verse_034.mp3,"Woatsɔ avɔ ma tɔgbi ke, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ ƒe avɔ awɔ alidziblanu la hãe." data/train/EXO/EXO_037_Verse_008.mp3,Etu sikasigɛ ene klã ɖe Kplɔ̃ la ƒe afɔ eneawo ŋu. data/train/EXO/EXO_004_Verse_024.mp3,"Yehowa biae be, “Nu kae nye ema le asiwò?” Mose ɖo eŋu be, “Alẽkplɔla ƒe atikplɔe.”" data/train/EXO/EXO_019_Verse_011.mp3,"Gawu la, mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe aɖe nam.’ Nya siawo nàgblɔ na Israelviwo.”" data/train/EXO/EXO_032_Verse_028.mp3,"Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi kaba, elabena wò ame siwo nèkplɔ tso Egipte la dze nu vɔ̃ me," data/train/EXO/EXO_035_Verse_009.mp3,Amegãwo tsɔ onikskpe la vɛ be woatsɔ ɖo kɔmewu la kple akɔtaɖonu la ŋu. data/train/EXO/EXO_012_Verse_037.mp3,"Miɖe gbeƒã na Israelviwo katã be le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ŋutsu ɖe sia ɖe nalé alẽvi ɖeka na eƒe ƒome, alẽ ɖeka ɖe aƒekɔ ɖeka ɖe sia ɖe nu." data/train/EXO/EXO_021_Verse_008.mp3,"Ke ne amewo nya be nyi la tua dzo nyi bubuwo, eye wona nyitɔ la nya, gake mekpɔ nyi la dzi nyuie o la, ekema nyitɔ la maxɔ ga si wokpɔ tso nyi gbagbe la dzadzra me ƒe ɖeke o, ke boŋ axe fe ɖe nyi kuku la ta, eye wòazu etɔ.”" data/train/EXO/EXO_016_Verse_011.mp3,"Esi wotrɔ wo ɖe dzidzenu la me la, woyɔ dzidzenu la ɖe ame sia ame nu. Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔa ɖeke ɖe edzi o, ke ame si ƒo ƒu sue aɖe hã la, naneke mehiãnɛ o! Aƒe ɖe sia ɖe me tɔwo kpɔ esi ade wo nu tututu." data/train/EXO/EXO_029_Verse_001.mp3,"Ale woaɖu nu si wotsɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖae hafi ɖo wo nunɔlawoe hekɔ wo ŋuti. Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ aɖu wo o, elabena nu kɔkɔewo wonye." data/train/EXO/EXO_032_Verse_030.mp3,"Woawoe gblɔ nam be, ‘Wɔ mawu aɖe na mí, wòakplɔ mí, elabena nane wɔ Mose, ame si kplɔ mí do goe le Egipte.’" data/train/EXO/EXO_024_Verse_010.mp3,"Mose lia to la, eye wòbu ɖe lilikpowo me le to la tame." data/train/EXO/EXO_002_Verse_023.mp3,"Ŋutsu sia biae be, “Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèle didim be yeawu nye hã abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?” Vɔvɔ̃ ɖo Mose, elabena ebu xaa be, “Ɖewohĩ nu si mewɔ la le nyanya me na amewo.”" data/train/EXO/EXO_007_Verse_018.mp3,"Tɔmelãwo aku, eye tsi la aʋẽ ale be Egiptetɔwo magalɔ̃ be yewoanoe o.’ ”" data/train/EXO/EXO_024_Verse_015.mp3,"Wò, Mose, koe ate ɖe ŋunye. Ɖo ŋku edzi be Israelvi bubuawo mekpɔ mɔ alia to la kura o.”" data/train/EXO/EXO_016_Verse_024.mp3,"Mifɔ nuɖuɖu la ŋkeke ade, ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe. Nuɖuɖu aɖeke manɔ anyigba miafɔ gbe ma gbe o.”" data/train/EXO/EXO_002_Verse_015.mp3,"Mose xɔ Reuel ƒe kpekpe la, eye wòlɔ̃ be yeanɔ egbɔ. Reuel tsɔ via si woyɔna be Zipora la nɛ wòɖe." data/train/EXO/EXO_003_Verse_001.mp3,"Eya ta mado nye asi ɖa ɖe Egipte ŋu, atsrɔ̃ wo kple nye nukunu siwo mawɔ le wo dome, ekema ana miayi." data/train/EXO/EXO_017_Verse_001.mp3,"Ale Yosua kple eƒe amewo yi be yewoawɔ aʋa kple Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ le esime Mose, Aron kple Hur woyi to la dzi." data/train/EXO/EXO_016_Verse_019.mp3,"Ke ame aɖewo ya gayi nuɖuɖu la fɔ ge, togbɔ be gbe ma gbee nye ŋkeke adrelia, ke nuɖuɖu aɖeke menɔ anyigba wofɔ o." data/train/EXO/EXO_034_Verse_029.mp3,"Yehowa to Mose ŋkume, eye wòɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ be, “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela, ame si gbɔa dzi ɖi blewu, eye eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nu metsina o;" data/train/EXO/EXO_036_Verse_027.mp3,Wotsɔ klosalo wɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nɔ ati ɖe sia ɖe te. data/train/EXO/EXO_033_Verse_004.mp3,"Esi ameawo se ŋɔdzinya siawo la, wode asi konyifafa me, eye woɖe woƒe sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo da ɖi." data/train/EXO/EXO_023_Verse_005.mp3,Ke manɔ wo nyam ɖa vivivi va se ɖe esime wò amewo adzi axɔ anyigba blibo la dzi. data/train/EXO/EXO_034_Verse_022.mp3,"Mose tsyɔ mo anyi enumake ɖe Yehowa ŋkume, eye wòsubɔe." data/train/EXO/EXO_036_Verse_003.mp3,"Ale wotɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ hã ɖe xɔgbãvɔ la to le go kemɛ hã me, eye ɖe sia ɖe sɔ ɖe esi dze ŋgɔe la nu." data/train/EXO/EXO_027_Verse_005.mp3,"eye nàtu kpɔti blaeve siwo ƒe afɔtiwo woatu kple akɔbliga, eye woatsɔ klosaloga atu gatagbadzɛ siwo woatsɔ avɔawo akui la ɖe kpɔtiawo ŋu." data/train/EXO/EXO_012_Verse_025.mp3,"Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ dzi la, ameha la katã ade takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke siawo dzi o, negbe nuɖaɖa ko." data/train/EXO/EXO_015_Verse_001.mp3,Atsiaƒutsi la tsyɔ wo dzi. Wodze to ɖe atsiaƒu la te abe kpe ene. data/train/EXO/EXO_015_Verse_021.mp3,"Wova ɖo Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi sia ɖe vudoawo to." data/train/EXO/EXO_034_Verse_011.mp3,"Ke boŋ migbã woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo eye miho woƒe aƒeliwo ƒu anyi," data/train/EXO/EXO_029_Verse_024.mp3,"Manɔ Israelviwo dome, manye woƒe Mawu," data/train/EXO/EXO_033_Verse_016.mp3,Tsi tsitre ɖe agakpe sia dzi le gbɔnye. data/train/EXO/EXO_025_Verse_007.mp3,Ele be woawɔ atsyɔ̃ɖonuawo kple alɔdzeawo kple titinati didi la siaa kple sika nyuitɔ woanye nu blibo ɖeka. data/train/EXO/EXO_034_Verse_005.mp3,"elabena mele be miasubɔ mawu bubu aɖeke o, ke boŋ Yehowa ko, elabena Yehowa nye Mawu si dina be woasubɔ ye ɖeka ko." data/train/EXO/EXO_039_Verse_033.mp3,"Wotsɔ avɔ sia ke tɔ akɔtawuwo, tablanuwo, kukuwo kple awutewuiwo kple alidziblakawoe." data/train/EXO/EXO_035_Verse_030.mp3,Nyɔnu aɖewo wɔ aɖaŋu tɔxɛ tsɔ gbɔ̃fuwo lɔ̃ avɔe. data/train/EXO/EXO_023_Verse_006.mp3,"ke migblẽ anyigba la ɖi wòadzudzɔ le ƒe adrelia me. Mina ame dahe siwo le mia dome la naxa nuku siwo mieɖe le miaƒe agble dzi le wo ɖokuiwo si, eye migblẽ nuku siwo susɔ la ɖi na lãwo woaɖu. Se sia ke ku ɖe miaƒe waingblewo kple amitivewo hã ŋu." data/train/EXO/EXO_034_Verse_007.mp3,"Esime Mose wu eƒe nuƒoa nu la, etsɔ motsyɔvɔ tsyɔ ŋkume." data/train/EXO/EXO_001_Verse_016.mp3,"Mina míato ayemɔ aɖe dzi atsi nu sia nu. Ne míetsi nu sia nu o, eye aʋa dzɔ la, woade míaƒe futɔwo dzi, awɔ aʋa kpli mí asi adzo le anyigba la dzi.”" data/train/EXO/EXO_037_Verse_015.mp3,"Kplu etɔ̃ siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo siwo do, eye woke ene la, nanɔ alɔdze ɖeka ŋu, etɔ̃ nanɔ alɔdze bubu ŋu. Nenema ke wòanɔ na alɔdze adeawo katã, siwo le akaɖiti la kɔgo ŋu." data/train/EXO/EXO_009_Verse_019.mp3,"ke lu kple bli ya megblẽ o, elabena woawo metse haɖe o.)" data/train/EXO/EXO_038_Verse_025.mp3,Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ siwo wotsi ƒo xlã agbadɔ lae. data/train/EXO/EXO_006_Verse_027.mp3,"Woawoe yi Egipte fia Farao gbɔ be yewoabia mɔ hena Israelviwo kpɔkplɔ dzoe le Egiptenyigba la dzi, wonye Mose kple Aron." data/train/EXO/EXO_025_Verse_011.mp3,"Fa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye nàtsɔ sika nyuitɔ ke amli ɖe aɖaka la togawo kpe ɖo." data/train/EXO/EXO_021_Verse_007.mp3,"Ke ne amewo nya be nyi la nɔa dzo tum ame, eye wona nyanya nyitɔ la, gake mekpɔ nyi la dzi nyuie o la, ekema ne nyi la wu ame aɖe la, woaƒu kpe nyi la wòaku, eye woawu nyitɔ la hã." data/train/EXO/EXO_016_Verse_006.mp3,"Aron wɔ esia abe ale si Yehowa bia tso Mose si ene. Emegbe la, Aron tsɔe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ le agbadɔ la me be wòanɔ dedie le afi ma." data/train/EXO/EXO_040_Verse_007.mp3,"ekɔ numevɔsamlekpui la da ɖe gota te ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu ŋu, eye wòme numevɔsa kple nuɖuvɔsa le vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene." data/train/EXO/EXO_009_Verse_015.mp3,"Gake Yehowa ade vovo Israelviwo kple Egiptetɔwo ƒe lãhawo dome, ale be Israelviwo ƒe lã aɖeke maku o.’ ”" data/train/EXO/EXO_003_Verse_021.mp3,"Ɛ̃, Israelviwo ƒe konyifaɣliwo ɖi va ɖo gbɔnye le dziƒo. Mekpɔ dɔ sesẽ siwo Egiptetɔwo ɖona na wo hetsɔ tea wo ɖe toe." data/train/EXO/EXO_012_Verse_020.mp3,Israelviwo tsɔ woƒe amɔ maʋamaʋã ɖe asi. Wobla woƒe amɔkpakuwo ɖe woƒe avɔ mamlɛawo me heda ɖe abɔta. data/train/EXO/EXO_008_Verse_010.mp3,"Farao yɔ Mose kple Aron enumake hegblɔ na wo be, “Enyo; miyi miasa vɔ na miaƒe Mawu la, gake misa vɔ la le afii, le anyigba sia dzi, migayi gbedzi o.”" data/train/EXO/EXO_007_Verse_022.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mewɔ wò abe Mawu ene na Farao, eye nɔviwò ŋutsu Aron abe wò nyagblɔɖila ene." data/train/EXO/EXO_016_Verse_033.mp3,"Yehowa gblɔ be, ame sia ame nafɔ agbɔsɔsɔ si ade eƒe aƒemetɔwo nu abe lita eve ƒe dzidzeme ene ɖe aƒea me tɔ ɖe sia ɖe nu.”" data/train/EXO/EXO_014_Verse_018.mp3,"Magana Farao nagasẽ dzi me, eye wòati mia yome. Mewɔ ɖoɖo sia ale be makpɔ bubu kple ŋutikɔkɔe gã ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ dzi. Ale Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa.” Ale woƒu asaɖa anyi ɖe afi si Mose fia wo la." data/train/EXO/EXO_010_Verse_012.mp3,"Le esia ta Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa," data/train/EXO/EXO_023_Verse_015.mp3,"“Mègadze amehawo yome le nu vɔ̃ wɔwɔ me o, eye ne woyɔ wò ɖasefoe le nya aɖe me la, mègatrɔ nyateƒe la ƒe ta tu be ne yeadze amehawo ŋu o," data/train/EXO/EXO_016_Verse_027.mp3,"Mose gblɔ be, “Esiae nye miaƒe egbe ƒe nuɖuɖu, elabena egbee nye dzudzɔgbe na Yehowa, eye nuɖuɖu aɖeke maganɔ anyigba miafɔ egbe o." data/train/EXO/EXO_035_Verse_028.mp3,"Numevɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ" data/train/EXO/EXO_023_Verse_014.mp3,“Mègada alakpa ɖe ame aɖeke si be ewɔ vɔ̃ o. Mègana woawu ame maɖifɔ gbeɖe o. Nyemalɔ̃ ɖe nuwɔna vɔ̃ɖi sia dzi o. data/train/EXO/EXO_010_Verse_009.mp3,"Farao ɖo du sesẽ aɖe ɖe Mose kple Aron enumake, eye wògblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu kple miawo ŋutɔ hã ŋu." data/train/EXO/EXO_005_Verse_011.mp3,"Le takpekpe wɔwɔ kple Israel ƒe dumegãwo vɔ megbe la, Mose kple Aron woyi Farao gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi gbedzi aɖaɖu ŋkekenyui nam.’ ”" data/train/EXO/EXO_026_Verse_003.mp3,"Avɔ ɖe sia ɖe nadidi mita wuieve, eye wòakeke mita eve." data/train/EXO/EXO_005_Verse_006.mp3,"Farao ɖo eŋu be, “Kuviatɔwo mienye, eya ta miele gbɔgblɔm be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na Yehowa.’" data/train/EXO/EXO_039_Verse_014.mp3,"Le esiawo katã megbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu. Woŋlɔ ɖe ganu sia dzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa." data/train/EXO/EXO_016_Verse_035.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mana abolo nadza tso dziƒo na wo. Ame sia ame ate ŋu ado go gbe sia gbe, eye wòafɔ nuɖuɖu si wòhiã. Mado wo kpɔ le nu sia me akpɔ be woawɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi mahã." data/train/EXO/EXO_030_Verse_002.mp3,"Ame sia ame si wotia, eye wòxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la nadzɔ nu na Yehowa." data/train/EXO/EXO_019_Verse_014.mp3,"Le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi la, dzi de asi gbeɖeɖe kple dzokeke me ŋɔdzitɔe. Lilikpo dodo gã aɖe va dze ɖe to la dzi. Kpẽ aɖe ɖi sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe abe lãdzokpẽ ene, eye ame sia ame dzo nyanyanya kple vɔvɔ̃." data/train/EXO/EXO_015_Verse_016.mp3,"Nyagblɔɖila Miriam, Aron nɔvinyɔnu ƒo axatsɛ, eye wònɔ ŋgɔ na nyɔnuawo woɖu ɣe." data/train/EXO/EXO_010_Verse_025.mp3,"Wokplɔ Mose kple Aron va Fia Farao gbɔ. Farao gblɔ na wo azɔ be, “Enyo, miyi miasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la. Ke ame kawoe miedi be woayi kpli mi?”" data/train/EXO/EXO_029_Verse_046.mp3,"Ɛ̃, makɔ agbadɔ la, vɔsamlekpui la, Aron kple via ŋutsuwo, ame siwo nye subɔlawo kple nunɔlawo la ŋu." data/train/EXO/EXO_004_Verse_027.mp3,"Yehowa gblɔ nɛ be, “Lé eƒe asike!” Mose lé da la ƒe asike, eye wògazu atikplɔ ɖe esi!" data/train/EXO/EXO_037_Verse_010.mp3,"Ewɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye wòklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔdɔ̃e eve nɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe." data/train/EXO/EXO_034_Verse_026.mp3,"Nu si nàwɔ le nubabla sia me lae nye be nàlé nye seawo katã me ɖe asi. Ekema manya Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo katã le ŋgɔwò le anyigba la dzi." data/train/EXO/EXO_040_Verse_022.mp3,"“Kɔ sikavɔsamlekpui si dzi woado dzudzɔ ɖo la da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ. Tsi xɔmemɔnuvɔawo ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu," data/train/EXO/EXO_031_Verse_017.mp3,"Ŋkeke ade woawɔ dɔ, ke ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe; ŋkeke kɔkɔe wònye na Yehowa. Ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la, ele be woawui." data/train/EXO/EXO_038_Verse_007.mp3,Dzo ene nɔ dzogoe eneawo dzi; wokpa wo kpe ɖe numevɔsamlekpui la ŋu wonye nu blibo ɖeka. Wofa akɔbli ɖe numevɔsamlekpui la ŋu. data/train/EXO/EXO_009_Verse_013.mp3,"Farao ɖo du ɖe Mose kple Aron, eye wòʋu eme na wo be, “Medze si nye vodada azɔ, Yehowa tɔ dzɔ. Nye kple nye amewo míeda vo tso gɔmedzedzea va se ɖe fifia." data/train/EXO/EXO_027_Verse_017.mp3,Woatsɔ klosalogatagbadzɛwo aklã klosalogakawo ɖe kpɔti siwo katã wotsɔ tɔ kpɔ lae la ŋu be woalé kpɔtiawo ɖekae. Akɔblifɔ sesẽwo nanɔ kpɔtiawo te ɖekaɖekae. data/train/EXO/EXO_004_Verse_021.mp3,"Ne womeɖo to wò le dzesi eve siawo megbe o la, ekema ku tsi tso Nil tɔsisi la me kɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi, eye wòatrɔ azu ʋu.”" data/train/EXO/EXO_009_Verse_006.mp3,"Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ ŋdi kanya, nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye si, Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm." data/train/EXO/EXO_027_Verse_020.mp3,Ɣedzeƒe gome afi si ɣe dzena tsona hã nadidi mita blaeve-vɔ-eve. data/train/EXO/EXO_004_Verse_007.mp3,"Dumegãwo xɔe se be Yehowae ɖo wo ɖa nyateƒe. Esi wose be Yehowa va kpɔ wo ɖa, kpɔ woƒe nublanuitɔnyenye, eye wòɖo ta me be yeaɖe wo la, wode ta agu, eye wosubɔe." data/train/EXO/EXO_023_Verse_017.mp3,“Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o. “Megana vɔsalã aɖeke ƒe ami natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. data/train/EXO/EXO_005_Verse_015.mp3,"Miyi ne miawo ŋutɔ miadi gbe ƒuƒu le afi sia afi si miakpɔe le, ke womaɖe miaƒe dɔ dzi kpɔtɔ le go aɖeke me o.’ ”" data/train/EXO/EXO_020_Verse_014.mp3,Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò ɖe nu siwo le dziƒo alo le anyigba dzi alo le atsiaƒu me la ƒe nɔnɔme me o. data/train/EXO/EXO_025_Verse_006.mp3,"elabena medi be Israelviwo natu nɔƒe kɔkɔe aɖe nam, afi si manɔ le wo dome." data/train/EXO/EXO_028_Verse_019.mp3,"“Na woalɔ̃ Aron ƒe dziwui ʋlaya la kple ɖeti ɣi, eye woana wòanɔ ŋɔŋɔe. Woatsɔ avɔ ma ke alɔ̃ tablanu la hã, eye woalɔ̃ nu ɖe alidziblanu la hã me." data/train/EXO/EXO_026_Verse_037.mp3,"Ʋuƒo siwo woatu anyi la nadidi mita ene, eye woakeke sentimita blaade-vɔ-ade." data/train/EXO/EXO_004_Verse_028.mp3,"Yehowa gblɔ nɛ be, “Ne èɖo Egipte la, ele na wò be nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàwɔ nukunu siwo mena ŋusẽ wò be nàwɔ. Ke mana wòasẽ dzi me: maɖe asi le ameawo ŋu be woadzo o." data/train/EXO/EXO_024_Verse_016.mp3,Wokpɔ Israel ƒe Mawu la. Teƒe si wòtsi tsitre ɖo la dze abe safirkpe keklẽ siwo me kɔ abe dziŋgɔli me la ene. data/train/EXO/EXO_012_Verse_029.mp3,"Mi ame siwo katã aɖu alẽvi ɖeka la, miaɖui le aƒe ɖeka me: miatsɔ ɖeke ado goe o, eye miagbã ƒu aɖeke hã o." data/train/EXO/EXO_008_Verse_005.mp3,Ale Mose kple Aron wodzo le Farao gbɔ. Mose ɖe kuku na Yehowa le akpɔkplɔ siwo wòɖo ɖa la ŋu. data/train/EXO/EXO_034_Verse_024.mp3,"“Ne èxa wò agblemenukuwo la, ele be nàtsɔ wò ŋkeke gbãtɔ ƒe nuku nyuitɔwo ƒe ɖe va Yehowa, wò Mawu ƒe aƒe me. “Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.”" data/train/EXO/EXO_002_Verse_012.mp3,"Le ƒe aɖewo megbe la, Egipte fia la ku. Israelviwo nɔ konyi fam henɔ hũu ɖem le woƒe kɔkutiwo te le woƒe kluvinyenye ta, eye wonɔ avi fam vevie le Mawu ŋkume. Woƒe avifafa ɖo Mawu gbɔ le dziƒo." data/train/EXO/EXO_025_Verse_034.mp3,"Womaɖe ati siawo le sikasigɛawo me o, ke boŋ woanɔ wo me ɖaa." data/train/EXO/EXO_021_Verse_019.mp3,"“Ne ame aɖe ƒo eƒe kluvi alo kosivi wòku ɖe eƒe asi me la, woahe to nɛ kokoko." data/train/EXO/EXO_010_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ, eye meɖe asi le ameawo ŋu o." data/train/EXO/EXO_037_Verse_000.mp3,"Alɔ ade nɔ akaɖiti la ŋu, etɔ̃ nɔ akpa ɖeka, eye etɔ̃ nɔ akpa evelia hã." data/train/EXO/EXO_014_Verse_030.mp3,"Yehowa na Egipte fia Farao ƒe dzi me sẽ ɖe edzi, ale wòti Israelvi siwo nɔ azɔli dzi dzideƒotɔe la yome." data/train/EXO/EXO_029_Verse_035.mp3,Tsɔ nu siawo kpe ɖe abolo bɔbɔe ɖeka kple abolo vivi ɖeka kple akpɔnɔ ɖeka ŋu tso kusi si me abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã si woda ɖe Yehowa ŋkume la me. data/train/EXO/EXO_027_Verse_004.mp3,"Ele be Aron kple viawo nakɔ akaɖi sia, si womana wòatsi akpɔ o la ada ɖe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nublaɖaka ŋkume la ŋgɔ. Woana wòanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime." data/train/EXO/EXO_038_Verse_023.mp3,"Wotsɔ klosalo kilogram akpe etɔ̃ alafa ene (3,400) wɔ zɔwo na kɔkɔeƒe la ƒe sɔti kple kpɔti siwo ŋu wotsi xɔmetsovɔ la ɖo. Wotsɔ klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene wɔ zɔ ɖeka." data/train/EXO/EXO_019_Verse_008.mp3,"Esi Mose trɔ gbɔ tso to la dzi la, eyɔ kplɔlawo ƒo ƒu, eye wògblɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la na wo." data/train/EXO/EXO_014_Verse_029.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Nu ka ŋuti nèle ɣli dom nam? Gblɔ na Israelviwo be woaɖe zɔ, ayi ŋgɔ" data/train/EXO/EXO_015_Verse_014.mp3,"Mose ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Yehowa fia ati aɖee wòtsɔ da ɖe tsi la me, eye tsi veve la trɔ zu tsi nyui. Le Mara la, Yehowa de se siawo na wo be yeado woƒe ɖokuitsɔtsɔ na ye akpɔ." data/train/EXO/EXO_033_Verse_011.mp3,"Ne ege ɖe agbadɔ la me la, lilikpo dodo aɖe ɖiɖina va nɔa agbadɔ la nu le esime Mawu ƒoa nu kple Mose." data/train/EXO/EXO_021_Verse_009.mp3,"Ke ne aƒetɔ aɖe ɖe srɔ̃ na eƒe kluvi, eye wodzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo la, ekema srɔ̃nyɔnu la kple wo viwo aganye aƒetɔ la tɔ, le esime kluvi la ya azu ablɔɖeme." data/train/EXO/EXO_020_Verse_013.mp3,"Mègawɔ atrakpuiwo ɖe vɔsamlekpui la ŋu o. Ne èwɔ wo, eye nèlia wo la, ame aɖe ate ŋu awu mo dzi, eye wòakpɔ wò amame to wò awu ʋlaya la te.’" data/train/EXO/EXO_012_Verse_045.mp3,woatsɔ woƒe ʋu asi na woƒe ʋɔtrua ƒe axadziti eveawo kple ʋɔtrua ƒe tameti le aƒe ɖe sia ɖe si me woaɖu alẽviawo le. data/train/EXO/EXO_025_Verse_037.mp3,"Wɔ sikagbawo, sikagatsiwo, nutɔgbawo, goewo kple trewo, nu siwo ŋu dɔ wowɔna le kplɔ̃a dzi," data/train/EXO/EXO_012_Verse_027.mp3,"Megale egblɔm be, le ŋkeke adre mawo me la, mele be miaɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ƒe ɖeke o: miɖu nu si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko le afi sia afi si mianɔ.”" data/train/EXO/EXO_032_Verse_015.mp3,"etsi tsitre ɖe asaɖa la ƒe mɔnu, eye wòdo ɣli be, “Mi ame siwo katã le Yehowa dzi la, miva afi sia miawɔ ɖeka kplim.” Tete Levitɔwo katã do go va egbɔ." data/train/EXO/EXO_024_Verse_002.mp3,"Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Va gbɔnye le to la dzi, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime matsɔ Se siwo meŋlɔ ɖe kpewo dzi la ana wò, ale be nàte ŋu akpɔ wo dzi, afia seawo dukɔ la.”" data/train/EXO/EXO_023_Verse_001.mp3,“Eveliae nye Nuŋeŋeŋkekenyui. Ele be miatsɔ miaƒe agblemenuku gbãtɔwo vɛ nam. “Etɔ̃liae nye Ƒuƒoƒo Nukuwo ƒe Ŋkekenyui si miaɖu le nuŋeɣi ƒe nuwuwu. data/train/EXO/EXO_005_Verse_013.mp3,Mina woƒe dɔ nagasẽ na wo wu tsã ale be woagayi dɔwɔwɔ dzi. Migaɖo to woƒe alakpanyawo o.” data/train/EXO/EXO_014_Verse_023.mp3,"Tete Mose tsɔ eƒe asi do ɖe ƒu la dzi. Ale zã blibo la Yehowa tutu atsiaƒu la ɖe megbe to ɣedzeƒeya sesẽ aɖe dzi, eye wòna anyigba ƒuƒui dze. Tsi la ma ɖe akpa eve," data/train/EXO/EXO_002_Verse_024.mp3,"Ɖetugbi adre, ame siwo nye Midian nunɔla ƒe vinyɔnuwo la va be yewoaku tsi ana yewo fofo ƒe alẽha." data/train/EXO/EXO_004_Verse_014.mp3,"Ke Mose gagblɔ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ame bubu aɖe ɖa.”" data/train/EXO/EXO_014_Verse_009.mp3,"Esi Egipte fia se be Israelviwo meɖo ta me be yewoagbugbɔ va Egipte le ŋkeke etɔ̃ megbe o, ke boŋ yewoayi mɔzɔzɔ dzi la, Farao kple eŋumewo ƒe mo nyra, eye dzi gaɖo wo ƒo. Wobia be, “Nu kae nye esi míewɔ be míeɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo eye míebu woƒe subɔsubɔdɔ nyuitɔwo?”" data/train/EXO/EXO_040_Verse_013.mp3,"Etsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu," data/train/EXO/EXO_031_Verse_004.mp3,"Esi Yehowa wu eƒe nuƒoƒo kple Mose nu le Sinai to la dzi la, etsɔ kpe eve siwo dzi eya ŋutɔ tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ Se Ewoawo ɖo la na Mose." data/train/EXO/EXO_016_Verse_003.mp3,"Ale Mose gblɔ na Aron be, “Gblɔ na Israelviwo katã be, ‘Miva Yehowa ŋkume, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ.’ ”" data/train/EXO/EXO_005_Verse_002.mp3,"Ale Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo yi Farao gbɔ heƒo koko nɛ be, “Nu ka ŋuti nèle wò dɔlawo wɔm alea?" data/train/EXO/EXO_015_Verse_022.mp3,“Yehowa aɖu fia tegbetegbe!” data/train/EXO/EXO_014_Verse_026.mp3,"Woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo de asi dodo me le wo te. Ale woƒe tasiaɖamwo de asi anyigbatete me. Egiptetɔwo do ɣli be, “Mina míadzo le Israel nu. Yehowa le aʋa wɔm kpli mí na wo!”" data/train/EXO/EXO_039_Verse_001.mp3,"Akɔblivɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ;" data/train/EXO/EXO_006_Verse_014.mp3,"Ke Mose gblɔ na Yehowa be, “Aleke Farao aɖo tom esi nyemenya nuƒoƒo o?”" data/train/EXO/EXO_013_Verse_014.mp3,"Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be gbe si gbe miedzo le Egipte, eye miedo le kluvinyenye me la, nanye ŋkeke aɖe si dzi miaɖo ŋkui tegbetegbe, elabena Yehowa ɖe mi kple nukunu gãwo. Migaɖu naneke si me amɔʋãtike le la o." data/train/EXO/EXO_014_Verse_000.mp3,"Ale Farao na wodzra eƒe tasiaɖam ɖo nɛ, eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ ɖe asi." data/train/EXO/EXO_029_Verse_016.mp3,"eye nàtsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã, abolo vivi si woblu kple ami kple akpɔnɔ siwo dzi wokɔ ami ɖo. Woatsɔ wɔ memi awɔ aboloawo kple akpɔnɔawo." data/train/EXO/EXO_036_Verse_036.mp3,"Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nɔ sɔtiawo te, eve nɔ ɖe sia ɖe te." data/train/EXO/EXO_005_Verse_016.mp3,"Mose kple Aron wonɔ wo lalam le fiasã la godo esi me wodzo le Farao gbɔ. Esi wodo go wo la," data/train/EXO/EXO_015_Verse_008.mp3,"Farao ƒe sɔwo, eƒe sɔdolawo kple woƒe tasiaɖamwo kplɔ wo ɖo to atsiaƒu la me. Ke Yehowa na tsigliawo mu gbagbã tsyɔ wo dzi, le esime Israelviwo zɔ ƒuƒuiƒe to wo me." data/train/EXO/EXO_012_Verse_023.mp3,"Le zã ma ke me la, woame lã la aɖu kple amagbe veve kple abolo maʋamaʋã." data/train/EXO/EXO_036_Verse_034.mp3,Woɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie. data/train/EXO/EXO_034_Verse_015.mp3,"Le keklẽ si nɔ mo nɛ ta la, Aron kple Israelviwo vɔ̃ be yewoate ɖe eŋu." data/train/EXO/EXO_029_Verse_000.mp3,“Ale nàɖo Aron kple via ŋutsuwo nunɔlawo le mɔ sia nu. Wo ɖoɖo nanɔ edzi ŋkeke adre. data/train/EXO/EXO_040_Verse_016.mp3,eye nàkɔ numevɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. data/train/EXO/EXO_012_Verse_006.mp3,Amedzro geɖewo hã dze mɔ kpli wo. Woho kple alẽha kple nyiha gã aɖewo. data/train/EXO/EXO_014_Verse_027.mp3,Yehowa awɔ aʋa na mi; miawo ya mizi kpoo nɛ ko.” data/train/EXO/EXO_032_Verse_009.mp3,"Esi Mose kpɔ be ameawo lé woƒe mɔ tsɔ to Aron ƒe ŋusẽdoame me, eye yewoƒe futɔwo nɔ dzidzɔ kpɔm le nu sia ŋu la," data/train/EXO/EXO_036_Verse_025.mp3,"Wotsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo." data/train/EXO/EXO_012_Verse_043.mp3,Se ɖeka ma kee akplɔ Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome.” data/train/EXO/EXO_006_Verse_009.mp3,"eye makplɔ mi ayi anyigba si mekɔ asi dzi ka atam be matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa.’ ”" data/train/EXO/EXO_013_Verse_011.mp3,"Miate ŋu atsɔ agbo alo gbɔ̃tsu aɖɔli tedzitsu. Ke ne ame aɖe medi be yeawɔ alea o la, ele na amea be wòawu tedzi la. Ke ele be miaƒle viŋutsuvi ŋgɔgbeviwo katã ta." data/train/EXO/EXO_028_Verse_008.mp3,"Emegbe tsɔ onikskpe eve, eye nàŋlɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi." data/train/EXO/EXO_035_Verse_023.mp3,“Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko. Ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe kple ŋkeke kɔkɔe si ŋu dɔ miawɔ asubɔ Yehowa. Ele na ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke ma dzi la be wòaku. data/train/EXO/EXO_002_Verse_008.mp3,"Fiavinyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi!” Ale nyɔnuvi la ƒu du yi aƒe me, eye wòyɔ vidzĩa dadaa vɛ!" data/train/EXO/EXO_010_Verse_024.mp3,"Woayɔ wò aƒewo me, wò dumegãwo ƒe aƒewo me kple Egiptetɔwo katã ƒe aƒewo me, nu si mia fofowo loo alo mia tɔgbuiwo mekpɔ kpɔ, tso gbe si gbe wova anyigba sia dzi va se ɖe fifia o.’ ” Ale Mose trɔ dzo le Farao ŋkume." data/train/EXO/EXO_015_Verse_026.mp3,"Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ adze wo dzi. Woatrɔ azu kpe, le wò abɔ ƒe ŋusẽ ta, va se ɖe esime wò amewo atso eme ava ayi. O, Yehowa, va se ɖe esime wò ame siwo nèƒle la, atso eme ava yi." data/train/EXO/EXO_028_Verse_025.mp3,Tsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu. data/train/EXO/EXO_012_Verse_014.mp3,gake kluvi si mieƒle hetso aʋa na la ate ŋu aɖui. data/train/EXO/EXO_021_Verse_012.mp3,"Ke ne nuveviwɔame aɖe ana funɔ la naku la, woawu ame si wɔ nuvevi lae." data/train/EXO/EXO_024_Verse_008.mp3,"Mose ku lãwo ƒe ʋu tso zeawo me hlẽ ɖe ameawo dome hegblɔ be, “Ʋu sia ɖo kpe nubabla si Yehowa wɔ kpli mí to Se siawo nana mí me la dzi, eye wòtre nubabla la nu.”" data/train/EXO/EXO_037_Verse_011.mp3,"Ewɔ sikagagɔdɔ̃e eve ɖe atsyɔ̃ɖonu la te, eye wògawɔ bubu eve ɖe axa eveawo hã dzi be woatsɔ atiwo aƒo ɖe wo me hena dzudzɔdovɔsamlekpui la kɔkɔ." data/train/EXO/EXO_030_Verse_038.mp3,"“Ƒo atike ʋeʋĩ nyuitɔwo nu ƒu ale: ‘Mira’ nyuitɔ kilogram ade, ‘sinamon’ kilogram etɔ̃, atike ʋeʋĩ kilogram etɔ̃," data/train/EXO/EXO_001_Verse_000.mp3,"Ale Egiptetɔwo wɔ Israelviwo woƒe kluviwoe. Wotsɔ dɔdzikpɔla ŋutasẽlawo ɖo wo nu be woana woawɔ dɔ sesẽ, woatu nudzraɖoƒe gãwo ɖe Pitom kple Rameses na Farao." data/train/EXO/EXO_034_Verse_033.mp3,"“Ɖo ŋku edzi miaɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui ŋkeke adre abe ale si megblɔe na wò ene le ŋkeke ɖoɖoawo dzi, le Tedoxe me ƒe sia ƒe. Ɣleti sia mee miedzo le Egipte." data/train/EXO/EXO_035_Verse_021.mp3,"“Mi ame siwo katã nye aɖaŋudɔwɔlawo, eye ŋutete tɔxɛwo le mia si la, miva, eye miawɔ nu siwo Yehowa ɖo na mi be miawɔ:" data/train/EXO/EXO_022_Verse_015.mp3,“Mele be miaba ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo o. data/train/EXO/EXO_035_Verse_013.mp3,"Enya ale si woatsɔ kpe awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe." data/train/EXO/EXO_019_Verse_000.mp3,"Ale Mose ɖi tso to la dzi va ameawo gbɔ. Ekɔ wo ŋuti, eye wonya woƒe awuwo." data/train/EXO/EXO_012_Verse_004.mp3,"Ale Mose yɔ Israelviwo ƒe ametsitsiwo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miyi mialé alẽwo tso miaƒe alẽhawo dome. Aƒekɔ ɖeka nalé alẽ ɖeka; aƒekɔ sue eve nalé alẽ ɖeka. Esia aku ɖe ame siwo le aƒeawo me ƒe agbɔsɔsɔ ŋu. Miwu Ŋutitotolẽvi la." data/train/EXO/EXO_013_Verse_010.mp3,"Megale egblɔm na mi be ele be ŋkekenyui sia ɖuɖu nade dzesi mi abe Yehowa ƒe amewo ene, abe ɖe wòtsɔ eƒe nutɔnyenye ƒe dzesi ɖo ŋgonu na mi ene. Enye ŋkuɖodzi be Yehowa tsɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mi tso Egiptenyigba dzi.”" data/train/EXO/EXO_033_Verse_019.mp3,"Yehowa ƒoa nu kple Mose ŋkume kple ŋkume le Mawu ƒe agbadɔ la me abe ale si xɔlɔ̃ ƒoa nu kple xɔlɔ̃ ene. Le esia megbe la, Mose trɔna vaa asaɖa la me, ke Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ɖekakpui si kpena ɖe eŋu la, nɔa agbadɔ la me." data/train/EXO/EXO_017_Verse_006.mp3,Le esia ta Yosua kple eƒe aʋakɔ la ɖu Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ dzi kple yi. data/train/EXO/EXO_003_Verse_009.mp3,"Mawu gblɔ kpe ɖe eŋu na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawue dɔm ɖe mia gbɔ.’ “Esiae nye nye ŋkɔ tegbee, ŋkɔ si woayɔ nam tso dzidzime yi dzidzime si ŋu dɔ woawɔ." data/train/EXO/EXO_022_Verse_027.mp3,"“Ne nɔviwò Hebritɔ aɖe le xaxa me, eye nèdo ga nɛ la, mele be nàxɔ deme le esi abe ale si nàxɔ le ame bubu si ene o." data/train/EXO/EXO_039_Verse_008.mp3,"Edidi sentimita blaeve-vɔ-eve, eye wòkeke nenema ke. Woŋee ɖe akpa eve ale wòzu kotoku aɖe tɔgbi." data/train/EXO/EXO_009_Verse_021.mp3,"(Kpetsi la gblẽ ɖetifu kple lu o, elabena lu la ɖi, eye ɖetifu la hã ƒo se xoxo hafi," data/train/EXO/EXO_032_Verse_024.mp3,"Meɖe kuku, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo. Ke ne màte ŋui o la, ekema na nye boŋ maku ɖe wo teƒe, eye nàtutu nye ŋkɔ ɖa le wò agbalẽ la me.”" data/train/EXO/EXO_017_Verse_007.mp3,"Mado go wò le agakpe la gbɔ le Horeb. Ƒo agakpe la kple wò atikplɔ si nètsɔ ƒo Nil tɔsisi lae. Tsi ado bababa, asu na ame sia ame.” Mose wɔ abe ale si Mawu gblɔ nɛ ene le Israel ƒe ametsitsiawo ƒe ŋkume." data/train/EXO/EXO_021_Verse_020.mp3,"“Ne ame aɖe ƒo ŋku na eƒe kluvi alo kosi, eye ŋku la tsi la, ekema kluvi la alo kosi la azu ablɔɖeme le eƒe ŋku la ta." data/train/EXO/EXO_029_Verse_020.mp3,"Fli agbo la, kpala lã la, eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nàtsɔ wo da ɖe eƒe ta kple lãkɔ bubuawo dzi." data/train/EXO/EXO_021_Verse_031.mp3,"“Ne nyi aɖe tu dzo ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe wòku la, woaƒu kpe nyi la wòaku; womaɖu eƒe lã o, eye womabia nya aɖeke ame si ƒe nyi wònye o." data/train/EXO/EXO_013_Verse_017.mp3,"Ne Yehowa kplɔ mi va Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba si wòka atam na mia fofowo be yeatsɔ ana mi, anyigba ‘si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo’ dzi la, ekema miaɖu ŋkeke sia le dzinu sia me." data/train/EXO/EXO_030_Verse_017.mp3,"Na eƒe didime kple kekeme siaa nanɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃, eye wòakɔ sentimita blaasiekɛ. Tsɔ akasiati ke kpa lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ŋu woanye nu ɖeka." data/train/EXO/EXO_035_Verse_005.mp3,"Ale Israelviwo, ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu sia nyɔnu si lɔ̃ kple dzi faa be yeana kpekpeɖeŋu le dɔ si Yehowa de asi na Mose wɔwɔ me la tsɔ nunanawo vɛ." data/train/EXO/EXO_006_Verse_016.mp3,"Kohat ƒe viwo: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. Kohat nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ (133)." data/train/EXO/EXO_020_Verse_000.mp3,Ameawo katã kpɔ dzikedzo kple dzudzɔ si nɔ tutum le to la me. Wose dziɖegbe la kple kpẽkuku didi dziŋɔ la. Wotsi tsitre ɖe adzɔge henɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃. data/train/EXO/EXO_020_Verse_025.mp3,"Ɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe." data/train/EXO/EXO_035_Verse_017.mp3,"kplɔ̃ŋutivɔawo, sɔtiawo kple woƒe afɔtiwo, agbonuvɔ la," data/train/EXO/EXO_011_Verse_006.mp3,"Wò aɖaŋudela siawo katã aƒu du ava tum, woade ta agu, eye woaƒo koko be, ‘Míeɖe kuku, midzo enumake, eye mikplɔ miaƒe amewo katã dzoe.’ Nya sia koe adzɔ hafi madzo!” Mose do dɔmedzoe, eye wòdzo le fiasã la me." data/train/EXO/EXO_004_Verse_026.mp3,"Yehowa gblɔ be, “Ne womexɔ nukunu gbãtɔ dzi se o la, woaxɔ evelia dzi ase." data/train/EXO/EXO_012_Verse_003.mp3,"Alẽ alo gbɔ̃ sia anye atsu si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eƒe akpa aɖeke ŋu o." data/train/EXO/EXO_031_Verse_008.mp3,"Metia Oholiab, Ahisamak ƒe vi tso Dan ƒe to la me be wòanye eƒe kpeɖeŋutɔ. “Gawu la, megatsɔ aɖaŋu tɔxɛwo na ame siwo katã mienya be wonye aɖaŋutɔwo ale be woate ŋu awɔ nu siwo mebe nàwɔ la katã:" data/train/EXO/EXO_013_Verse_005.mp3,"Farao meɖe mɔ na mí be míadzo o, eya ta Yehowa wu woƒe ŋgɔgbeviwo katã, amegbetɔwo kple lãwo tɔwo siaa le Egipte, eya ta míetsɔa atsu sia atsu, si ʋu dɔ nu na dadaa, amegbetɔwo kple lãwo siaa naa Yehowa. Ke woƒlea ŋutsuvi tsitsitɔwo katã ta.’" data/train/EXO/EXO_040_Verse_023.mp3,"Kɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàku tsi ɖe eme." data/train/EXO/EXO_035_Verse_034.mp3,Wotsɔ atike ʋeʋĩwo kple ami vɛ na akaɖigbɛawo kple ami sisi kple dzudzɔdonuwo wɔwɔ. data/train/EXO/EXO_040_Verse_031.mp3,"Si ami na tsileze la kple eƒe zɔ, eye nàwɔe kɔkɔe." data/train/EXO/EXO_002_Verse_003.mp3,"Esi ɖetugbiawo trɔ yi aƒe me la, wo fofo, Reuel bia wo be, “Nu kae na miekpɔ tsi na alẽwo egbe ya kaba nenema?”" data/train/EXO/EXO_030_Verse_039.mp3,"“Ɣe sia ɣi si nàxlẽ Israelviwo la, ele be ame sia ame si woaxlẽ la, naxe fe na Yehowa ɖe eƒe agbe ta, ale be dɔvɔ̃ manɔ ameawo dome ne èle wo xlẽm o." data/train/EXO/EXO_025_Verse_026.mp3,"Tsɔ akasiati si keke milimita blaadre-vɔ-atɔ̃ la ɖo kplɔ̃ la to kpe ɖo, eye nàtsɔ sika afa ɖe akasiati la to." data/train/EXO/EXO_005_Verse_003.mp3,"Dɔdzikpɔlawo sẽa ŋuta le wo ŋu, woɖea gbe na wo be, “Mime anyikpewo woasɔ gbɔ gbe sia gbe abe tsã ene.”" data/train/EXO/EXO_034_Verse_016.mp3,"“Le nuƒãɣi kple nuŋeɣi gɔ̃ hã la, miawɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrea gbe." data/train/EXO/EXO_006_Verse_019.mp3,"Maxɔ mi abe nye amewo ene, manye miaƒe Mawu, mianyae be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe asi me," data/train/EXO/EXO_007_Verse_002.mp3,"Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo hã wɔ woƒe nunya ɣaɣlawo ŋu dɔ, eye woawo hã wotrɔ tsi wòzu ʋu. Nu sia na Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko. Meɖo to Mose kple Aron o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene tututu." data/train/EXO/EXO_014_Verse_003.mp3,"Ale Yehowa ɖe Israelviwo gbe ma gbe tso Egiptetɔwo ƒe asi me. Israelviwo kpɔ Egiptetɔwo woku, eye atsiaƒu la ɖe woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe gota." data/train/EXO/EXO_005_Verse_019.mp3,"Tso esime megblɔ wò gbedeasi la na Farao ko la, ɖeko wògale ŋuta sẽm le ameawo ŋu wu tsã; mèɖe wo tso woƒe fukpekpewo me kura o!”" data/train/EXO/EXO_035_Verse_007.mp3,Ame bubuwo tsɔ klosalo kple akɔbli vɛ abe woƒe nunana na Yehowa ene. Ame aɖewo tsɔ akasiati vɛ hena agbadɔ la tutu. data/train/EXO/EXO_019_Verse_024.mp3,"Ɖo liƒo siwo ŋu ameawo magbɔ o la na wo. Gblɔ na wo be, ‘Mikpɔ nyuie be mialia to la alo aka asi eŋu gɔ̃ hã o. Ame sia ame si da le se sia dzi la dze na ku." data/train/EXO/EXO_038_Verse_015.mp3,"Nenema ke wotsi avɔ si keke mita ade, desimita ade kple afã la ɖe mɔnu la ƒe akpa evelia si te ɖe xɔxɔnu la ŋu, ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te zɔ ɖekaɖeka le la ŋu." data/train/EXO/EXO_033_Verse_010.mp3,"Mose xɔ edzi be, “Ne mèle yiyi ge kpli mí o la, ekema mègana míaɖe afɔ ɖeka tso afi sia o." data/train/EXO/EXO_009_Verse_027.mp3,"Nu sia dzi ŋɔ wu gbɔgblɔ, kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ le Egiptenyigba blibo la dzi esi wòzu dukɔ o." data/train/EXO/EXO_026_Verse_011.mp3,Na daɖedzi titinatɔwo nade nu wo nɔewo me aƒo xlã agbadɔ blibo la. data/train/EXO/EXO_022_Verse_007.mp3,"“Esi miele kɔkɔe, eye mienye nye dukɔ tɔxɛ ta la, migaɖu lã aɖeke si lã wɔadã aɖe wu o. Migblẽ lã sia ƒe kukua ɖi na avuwo woaɖu.”" data/train/EXO/EXO_008_Verse_025.mp3,"Tete Farao yɔ Mose kple Aron, heƒo koko na wo be, “Miɖe kuku na Yehowa be wòaɖe akpɔkplɔawo ɖa, ekema maɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasa vɔ nɛ.”" data/train/EXO/EXO_036_Verse_031.mp3,"Wotɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, ale be gbãtɔ ƒe kawo sɔ ɖe evelia tɔwo nu." data/train/EXO/EXO_018_Verse_016.mp3,"Ne èzɔ ɖe aɖaŋu sia dzi, eye Mawu lɔ̃ la, àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ sia nu, eye tomefafa kple nusɔsɔ anɔ asaɖa la me.”" data/train/EXO/EXO_021_Verse_010.mp3,"Ke ne kluvi la alo kosivi la meku le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe o la, ekema mele be woahe to aɖeke na aƒetɔ la o, elabena eya ŋutɔ tɔe nye kluvi la alo kosi la." data/train/EXO/EXO_006_Verse_018.mp3,"Mawu gagblɔ na Mose be, “Nyee nye Yehowa." data/train/EXO/EXO_033_Verse_015.mp3,"Ne nye ŋutikɔkɔe tso eme va yina la, matsɔ wò ade agakpe la tome. Matsɔ nye asi atsyɔ dziwò va se ɖe esime matso eme." data/train/EXO/EXO_036_Verse_017.mp3,"Mlɔeba la, dɔa wɔlawo katã gblẽ woƒe dɔdeasiwo ɖi." data/train/EXO/EXO_032_Verse_019.mp3,"Ke Mose ɖe kuku na Yehowa, eƒe Mawu la be megawɔ nenema o. Eɖe kuku be, “Yehowa, nu ka ta nèdo dɔmedzoe helĩhelĩ ale ɖe wò ŋutɔ wò dukɔ si nèkplɔ tso Egiptenyigba dzi kple ŋusẽ gã kple nukunu triakɔ mawo tɔgbi la ŋu?" data/train/EXO/EXO_032_Verse_013.mp3,"Esi ŋu ke la, Mose gblɔ na Israelviwo be, “Miewɔ nu vɔ̃ gã aɖe, ke magbugbɔ ayi Yehowa gbɔ le to la dzi. Ɖewohĩ mate ŋu ana wòatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.”" data/train/EXO/EXO_004_Verse_017.mp3,"Ke Zipora tsɔ kpe ɖaɖɛ aɖe lã via ƒe aʋanuyi, eye wòtsɔe ka Mose ƒe afɔwo ŋu hegblɔ be, “Nyateƒee, ènye ʋuŋugbetɔsrɔ̃ nam.”" data/train/EXO/EXO_029_Verse_034.mp3,Tsɔ nu siawo de asi na Aron kple viawo. Na woanye wo le yame abe vɔsa na Yehowa ƒe dzesi ene. data/train/EXO/EXO_032_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa trɔ eƒe tameɖoɖo la, eye wòkpɔ nublanui na wo." data/train/EXO/EXO_021_Verse_032.mp3,"“Ne ŋutsu eve le avu wɔm, eye le avu la wɔwɔ me la, avuwɔla ɖeka wɔ nuvevi funɔ aɖe, eye fua gblẽ nɛ, gake meku o la, ekema woana ŋutsu la naxe fe sia fe si funɔ la srɔ̃ abla nɛ, eye ʋɔnudrɔ̃lawo alɔ̃ ɖe edzi nɛ." data/train/EXO/EXO_031_Verse_009.mp3,"Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, elabena ŋkeke adrelia nye ŋkeke tɔxɛ hena dzudzɔ, eye wòle kɔkɔe na nye Yehowa. Se sia nye nubabla mavɔ, eye wòle be Israelviwo nawɔ edzi." data/train/EXO/EXO_017_Verse_004.mp3,"Esia ta Israelviwo he nya ɖe Mose ŋu be, “Na tsi mi!” Mose blu ɖe wo ta be, “Mizi ɖoɖoe! Ɖe miele didim be yewoado Yehowa ƒe dzigbɔɖi na mi akpɔa?”" data/train/EXO/EXO_016_Verse_025.mp3,"Miɖo ŋku edzi be, Yehowae na Dzudzɔgbe ŋkeke la mi; esia tae wòna ŋkeke eve ƒe abolo mi le ŋkeke adelia gbe. Ame sia ame nenɔ afi si wòle le ŋkeke adrelia gbe; ame aɖeke megado go o.”" data/train/EXO/EXO_002_Verse_005.mp3,"Eʋu kusi la, eye wòkpɔ vidzĩ la le eme! Ɖevi la nɔ avi fam, nu sia wɔ dɔ ɖe fiavinyɔnu la dzi, eye wògblɔ be, “Ɖevi sia nye Hebri ŋutsuviawo dometɔ ɖeka.”" data/train/EXO/EXO_023_Verse_019.mp3,"Mègana woanɔ mia dome o, elabena menya be woana miadze woƒe mawuwo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me; esia anye mɔtetre na mi, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e gã va mia dzi.”" data/train/EXO/EXO_005_Verse_001.mp3,Ale Israelviwo kaka ɖe Egiptenyigba la katã dzi henɔ gbe ƒuƒu dim. data/train/EXO/EXO_026_Verse_031.mp3,Woatsɔ sikasigɛwo alé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. data/train/EXO/EXO_040_Verse_000.mp3,Ale Mose de asi nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la wɔwɔ me. data/train/EXO/EXO_034_Verse_001.mp3,"ame si ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame akpe nanewo, eye wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo kple aglãdzelawo ƒe nu vɔ̃wo kea wo, ke megbea tohehe na vodalawo o, eye wòhea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe vodadawo ta tso dzidzime etɔ̃lia va se ɖe enelia dzi.”" data/train/EXO/EXO_014_Verse_020.mp3,"Mawudɔla si nɔ Israelviwo kplɔm la trɔ yi Israelviwo megbe, nenema ke lilikpo dodo si nɔ wo ŋgɔ la hã trɔ yi wo megbe," data/train/EXO/EXO_032_Verse_032.mp3,"Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ame sia ame si wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye la, eya ƒe ŋkɔe matutu ɖa le nye agbalẽ la me." data/train/EXO/EXO_003_Verse_012.mp3,"“Mawu yi edzi be, ‘Yɔ Israel ƒe ametsitsiwo katã ƒo ƒu, eye nàƒo nu na wo tso ale si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia wò le afi sia gblɔ be, Mekpɔ mi ɖa. Mekpɔ nu si le dzɔdzɔm ɖe mia dzi le Egipte." data/train/EXO/EXO_025_Verse_016.mp3,“Kpɔ egbɔ be nu sia nu sɔ ɖe nu si mele fiawòm le toa dzi la dzi tututu.” data/train/EXO/EXO_001_Verse_010.mp3,"Fia sia gblɔ na eƒe amewo be, “Kpɔ ɖa, Israelvi siawo sɔ gbɔ wu mí akpa." data/train/EXO/EXO_032_Verse_025.mp3,"Mose bia Aron be, “Nu ka tututu ameawo wɔ wò be nèhe nu vɔ̃ triakɔ sia va wo dzi?”" data/train/EXO/EXO_028_Verse_043.mp3,"Ŋkɔ ade nanɔ kpe ɖeka dzi, eye woaɖo ŋkɔawo ɖe woƒe tsitsi nu." data/train/EXO/EXO_025_Verse_003.mp3,Asigɛawo nate ɖe kplɔ̃ la ƒe to lɔƒo be woatsɔ atiwo ade asigɛawo me hena kplɔ̃ la kɔkɔ. data/train/EXO/EXO_035_Verse_033.mp3,onikskpe kple kpe siwo ŋu dɔ woawɔ na kɔmewu kple akɔtaɖonu la. data/train/EXO/EXO_032_Verse_021.mp3,"Levitɔwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene, eye ame abe akpe etɔ̃ ene ku gbe ma gbe." data/train/EXO/EXO_022_Verse_006.mp3,“Ele be woawu ŋutsu si dɔ lã aɖe gbɔ la kokoko. data/train/EXO/EXO_037_Verse_022.mp3,"Wofa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye wotsɔ sika mimli do atsiã na eto kpe ɖo." data/train/EXO/EXO_011_Verse_000.mp3,"Ale togbɔ be Mose kple Aron wowɔ nukunu siawo le Farao ŋutɔ ƒe ŋkuta gɔ̃ hã la, Yehowa gana Farao gasẽ dzi me kokoko, ale be mena Israelviwo dzo le anyigba la dzi o." data/train/EXO/EXO_028_Verse_027.mp3,"Tsɔ kpe xɔasiwo ɖo agbaka ene me ɖe eŋu. Kanelian, krisolit kple beril nanɔ fli gbãtɔ me;" data/train/EXO/EXO_009_Verse_018.mp3,"Ke le wò ŋutɔ kple ŋuwòmewo gome la, menya be fifia gɔ̃ hã la, mieɖoa to Yehowa Mawu o.”" data/train/EXO/EXO_032_Verse_023.mp3,"Megblɔ na wo be, ‘Mitsɔ miaƒe sikatogɛwo vɛ.’ Ale wotsɔ wo vɛ. Metsɔ wo de dzo me, eye nyivi siae do go tso eme!”" data/train/EXO/EXO_002_Verse_019.mp3,"Wo fofo gblɔ na wo be, “Nu ka ta miegblẽe ɖe afi ma ɖo? Miyi miakplɔe vɛ wòaɖu nu kpli mí.”" data/train/EXO/EXO_013_Verse_007.mp3,"“Kɔ Israelviwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔ ɖe sia ɖe kple lãwo ƒe atsu gbãtɔwo ŋu nam; eɖanye ame alo lã o, tɔnyewoe!”" data/train/EXO/EXO_012_Verse_040.mp3,"Ne aƒekɔ aɖe le sue akpa na alẽvi blibo ɖeka ɖuɖu la, woama alẽvi la kple woƒe aƒelika si te ɖe wo ŋu wu le woƒe agbɔsɔsɔ nu. Ele be miabu alẽvi siwo ŋu dɔ woawɔ la ŋu le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ nu, ɖe nu si ame sia ame aɖu la nu." data/train/EXO/EXO_030_Verse_012.mp3,"kplɔ̃ la kple eŋunuwo, akaɖiti la kple eŋunuwo, dzudzɔdovɔsamlekpui la," data/train/EXO/EXO_010_Verse_014.mp3,"Mi ŋutsuwo ɖeɖe ko, miyi miasubɔ Yehowa, elabena eyae nye nu si miebia.” Ale wonya wo ɖa le Farao ŋkume." data/train/EXO/EXO_028_Verse_011.mp3,"Gblɔ na aɖaŋudɔwɔla siwo katã mena nunya le nya siawo tɔgbi me la be woatɔ awuwo na Aron hena eɖoɖo nunɔlae, ale be wòate ŋu awɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam." data/train/EXO/EXO_010_Verse_007.mp3,"Farao yɔ Mose, eye wògblɔ nɛ be, “Miyi miasubɔ Yehowa, gake miagblẽ miaƒe lãwo ɖe afi sia. Miate ŋu akplɔ mia viwo gɔ̃ hã ayii.”" data/train/EXO/EXO_039_Verse_009.mp3,"Emegbe la, wotsɔ awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la." data/train/EXO/EXO_032_Verse_007.mp3,"Egblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mitsɔ miaƒe yiwo, eye miatsa le asaɖa la me, tso asaɖa la ƒe seƒe ɖeka yi ekemɛ, eye miawu mia ŋutɔwo mia nɔviwo, xɔlɔ̃wo kple ame nyanyɛwo gɔ̃ hã.’ ”" data/train/EXO/EXO_001_Verse_021.mp3,Wona agbenɔnɔ ti wo to dɔ sesẽ wɔwɔ le anyikpewo meme kple agbledɔwo wɔwɔ me. Egiptetɔwo na wowɔ dɔ sesẽ siawo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe. data/train/EXO/EXO_006_Verse_000.mp3,"Ame siwo nye ƒometatɔ na Israel ƒe to vovovoawoe nye: Ruben, Israel ƒe viŋutsu tsitsitɔ ƒe viwo: Hanok, Palu, Hezron, Karmi. Esiawoe nye Reuben ƒe towo." data/train/EXO/EXO_016_Verse_026.mp3,"Mose gblɔ be, “Ale Yehowa de see nye esi, ‘Tsɔ mana lita ɖeka, dzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ, ale be woate ŋu akpɔ abolo si mena mi mieɖu le gbedzi, esi mekplɔ mi do goe le Egipte.’ ”" data/train/EXO/EXO_017_Verse_013.mp3,"Ne Mose kɔ atikplɔ la ɖe dzi ko la, Israelviwo ɖua futɔwo dzi. Ke ne eɖiɖi abɔ be yeadzudzɔ sẽe ko la, Amalekitɔwo ɖua Israelviwo dzi." data/train/EXO/EXO_011_Verse_001.mp3,"Azɔ la, Mose na nyanya Farao be, “Yehowa be, ‘Mato Egiptenyigba la katã dzi le zãtitina." data/train/EXO/EXO_016_Verse_001.mp3,"Ale Israelviwo yi ɖafɔ wo abe ale si Mose gblɔ na wo ene; ame aɖewo fɔe fũu, ke ame aɖewo hã mefɔe fũu o." data/train/EXO/EXO_013_Verse_002.mp3,"Esi Farao ɖe asi le ameawo ŋu be woadzo mlɔeba la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi o, togbɔ be eyae nye mɔ kpuitɔ hafi, elabena Mawu gblɔ be ne aʋa dzɔ ɖe wo kple Filistitɔwo dome la, woatrɔ ta me be yewoatrɔ, agbugbɔ ayi Egipte." data/train/EXO/EXO_029_Verse_005.mp3,"Bla ta na wo kple woƒe tablanuwo, tsɔ alidziblanu tso gae ɖe woƒe akɔta, ahablae ɖe axame na Aron kple via ŋutsuwo, ale be nunɔladɔ nanye wo tɔ tegbee. Aleae nàɖo Aron kple viawo nunɔlawoe." data/train/EXO/EXO_039_Verse_035.mp3,Wotsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu. data/train/EXO/EXO_018_Verse_007.mp3,"Fia Mawu ƒe seawo kple ɖoɖoawo wo, eye nàfia ale si woanɔ agbee kple woƒe dɔdeasiwo wo." data/train/EXO/EXO_038_Verse_028.mp3,"Ŋutsu siwo katã woxlẽ, woxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la dometɔ ɖe sia ɖe dzɔ gram ade si woɖo na wo le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Ŋutsu siawo ƒe xexlẽmee nye akpe alafa ade kple etɔ̃, alafa atɔ̃ blaatɔ̃ (603,550)." data/train/EXO/EXO_021_Verse_011.mp3,"“Ke ne kluvi la ɖe gbeƒã be, ‘Melɔ̃ nye aƒetɔ, srɔ̃nye kple vinyewo, eya ta nyemedi be mazu ablɔɖeme o’ la," data/train/EXO/EXO_036_Verse_020.mp3,Sɔti bubu ɖeka nɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi. data/train/EXO/EXO_005_Verse_009.mp3,"Ke Egipte fia gblɔ be, “Mose kple Aron, nu ka ta miele ameawo ɖem ɖa tso woƒe dɔ gbɔ? Mitrɔ yi miaƒe dɔ gbɔ!”" data/train/EXO/EXO_038_Verse_026.mp3,"Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ xɔmemɔnuvɔ, eye wolɔ̃ nu ɖe eme kple aɖabɛ blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ ƒe ka. Xɔmemɔnuvɔ la didi mita asieke. Ekeke mita eve abe avɔ siwo wotsi ƒo xlã xɔxɔnu la dometɔ ɖeka ene." data/train/EXO/EXO_034_Verse_004.mp3,"Egblɔ be, “Nenye nyateƒe be nève nunye la, ekema O Yehowa, meɖe kuku kplɔ mí yi Ŋugbedodonyigba la dzi. Eme kɔ ƒãa be míenye dukɔ dzeaglã kple kɔlialiatɔwo, gake meɖe kuku, tsɔ míaƒe vodadawo kple nu vɔ̃wo ke mí, eye nàgaxɔ mí abe wò ŋutɔ tɔwòwo ene.”" data/train/EXO/EXO_038_Verse_018.mp3,"Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu." data/train/EXO/EXO_007_Verse_008.mp3,"Gblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gaɖom ɖa be mana nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye le gbedzi.’ Gake va se ɖe fifi meɖo tom o." data/train/EXO/EXO_002_Verse_011.mp3,"Ke esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa be yeaɖakpɔ ye nɔvi Hebritɔwo ɖa. Ekpɔ Hebritɔ eve wonɔ kɔ dam, eye wòbia ame si di ge la be, “Nu kae nye esi wɔm nèle, hele wò ŋutɔ nɔviwò Hebritɔ ƒom ale?”" data/train/EXO/EXO_028_Verse_031.mp3,Tsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ si woatsɔ atɔ atakpui na wo woado ɖe awuawo te. Atakpuiawo natso alime va se ɖe klonu. data/train/EXO/EXO_026_Verse_012.mp3,"Sɔti ade nanɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe," data/train/EXO/EXO_022_Verse_004.mp3,"“Ele be woawu ame sia ame si sa vɔ na mawu, si menye Yehowa o la godoo." data/train/EXO/EXO_030_Verse_015.mp3,"Migawɔ etɔgbi na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe o, elabena enye nu kɔkɔe na Yehowa ɖeɖe ko." data/train/EXO/EXO_018_Verse_026.mp3,"Ɖo tom, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu anɔ kpli wò, Ànɔ dukɔ la teƒe le Mawu ŋkume, eye nàtsɔ woƒe nyawo ɖo eƒe ŋkume." data/train/EXO/EXO_013_Verse_003.mp3,"Esi wodzo le Sukɔt la, woƒu asaɖa anyi ɖe Etam le gbegbe la to." data/train/EXO/EXO_001_Verse_009.mp3,"Fia la yɔ vixelawo, eye wòbia wo be, “Nu ka ta miegbe nye se la dzi wɔwɔ, eye miena ŋutsuviawo hã le agbe tsim ɖo?”" data/train/EXO/EXO_037_Verse_017.mp3,"Le esia megbe la, etsɔ sika nyuitɔ wɔ nubablaɖaka la ƒe nutunu. Woyɔ nutunu sia be, “Amenuveveteƒe.” Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade." data/train/EXO/EXO_029_Verse_014.mp3,"Esia megbe la, nàtɔ dzo lã blibo la kple eƒe ayi kple afɔdzi si le dɔ me nɛ la le asaɖa la godo abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene." data/train/EXO/EXO_007_Verse_010.mp3,"Ke mana Farao nasẽ dzi me, agbe. Ekema magawɔ dzesi dziŋɔ geɖewo le Egiptenyigba dzi." data/train/EXO/EXO_006_Verse_004.mp3,"Aron ƒe viŋutsu, Eleaza, ɖe Pituel ƒe vinyɔnuwo dometɔ ɖeka, eye Finehas nye viawo dometɔ ɖeka. Esiawoe nye Levitɔwo ƒe ƒomewo ƒe tatɔwo ƒe ŋkɔwo katã kple ƒome siwo nɔ hlɔ̃awo me." data/train/EXO/EXO_014_Verse_002.mp3,"ale wòtɔ ɖe Egipte ƒe aʋakɔwo kple Israelviwo dome. Le zã blibo la me la, lilikpo la na viviti do ɖe akpa ɖeka, eye kekeli do ɖe akpa kemɛ, ale wo dometɔ aɖeke mete ɖe nɔvia ŋu le zã blibo la me o." data/train/EXO/EXO_027_Verse_003.mp3,"“Avɔ si keke mita asiekɛ la, nanɔ kpɔtɔtɔ la ƒe mɔnu. Avɔ la nanye esi avɔlɔ̃la la lɔ̃ kple ka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ, eye woatsii ɖe kpɔti ene siwo te afɔti le ɖekaɖeka la ŋu." data/train/EXO/EXO_035_Verse_019.mp3,"Mawu na ŋutete tɔxɛ Bezalel kple Oholiab, ame siwo nye Ahisamak ƒe viŋutsuwo tso Dan ƒe to la me be woafia woƒe aɖaŋuwo ame bubuwo." data/train/EXO/EXO_038_Verse_027.mp3,Wotu akɔblisigɛ ene ɖe adzrala la ƒe akpa eveawo ŋu be woatsɔ atiawo aƒo ɖe wo me hena ekɔkɔ. data/train/EXO/EXO_017_Verse_005.mp3,"Ke le tsikɔwuame la ƒe sesẽ ta la, dukɔ la lĩ Mose ŋu gblɔ be, “Nu ka tututue na nèkplɔ mí dzoe le Egipte? Nu ka ta nèkplɔ mí va afi sia be míaku kple mía viwo kple míaƒe lãwo?”" data/train/EXO/EXO_032_Verse_008.mp3,"Esi Aron kpɔ ale si ameawo kpɔ dzidzɔe le nyivilegba la ŋu la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe nyivilegba la ŋgɔ, eye wòɖe gbeƒã be, “Etsɔ la, míasa vɔ aɖe na Yehowa!”" data/train/EXO/EXO_023_Verse_028.mp3,"Ne agba te wo futɔ ƒe tedzi ɖe to, eye nèkpɔ wò futɔ wòle agbagba dzem be yeado alɔ tedzi la wòatsi tsitre la, mele be nàtso eme adzo o, ke boŋ ele be nàkpe ɖe eŋu." data/train/EXO/EXO_025_Verse_028.mp3,"Tsɔ nutunu la tu aɖaka la nu, eye nàtsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ seawo ɖo siwo matsɔ na wò la de aɖaka la me." data/train/EXO/EXO_034_Verse_010.mp3,"Futɔ aɖeke madze miaƒe anyigba dzi, aɖu mia dzi ne mieyi toa dzi be miado ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le azã etɔ̃ mawo dzi ƒe sia ƒe o, elabena manya dukɔawo ɖa le mia ŋgɔ, eye makeke miaƒe liƒowo ɖe enu." data/train/EXO/EXO_023_Verse_033.mp3,"Vɔ̃e, eye nàwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi. Mègadze aglã ɖe eŋu o, elabena matsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò o. Eyae nye nye teƒenɔla, eye nye ŋkɔ le eŋu." data/train/EXO/EXO_020_Verse_015.mp3,"Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame siwo yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o." data/train/EXO/EXO_029_Verse_012.mp3,"Emegbe la, nàha ʋu la ƒe ɖe le vɔsamlekpui la ŋu, nàtsakae kple amisisi la, eye nàhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuawo ƒe awuwo ŋu. Ekema woawo ŋutɔwo kple woƒe awuwo ŋu akɔ na Yehowa." data/train/EXO/EXO_022_Verse_010.mp3,"Ke ne nyɔnuvi la fofo gbe gbidigbidi be ye vi maɖe ŋutsu la o hã la, ele be ŋutsu la nana tabianuawo kokoko." data/train/EXO/EXO_040_Verse_001.mp3,"Azɔ la, ekɔ Kplɔ̃ la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me le anyiehe lɔƒo, le xɔmetsovɔ la godo," data/train/EXO/EXO_038_Verse_016.mp3,"Nu siwo katã agbadɔ la tutu lɔ ɖe eme la woe nye: agbadɔ si nye nubablaɖaka la ƒe nɔƒe, esi Levi ƒe viwo lé da ɖi le Mose ƒe sedede nu, eye wowɔ esia le Aron ƒe viŋutsu, nunɔla Itamar ƒe kpɔkplɔ te." data/train/EXO/EXO_019_Verse_004.mp3,"Dzudzɔ tsyɔ Sinai to blibo la dzi, elabena Yehowa ɖi ɖe edzi le dzo ƒe nɔnɔme me. Dzudzɔ la yi dzi ʋĩi abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene. To blibo la ʋuʋu kpekpekpe." data/train/EXO/EXO_038_Verse_024.mp3,"Wotsɔ klosalo si susɔ la fa ɖe kpɔtiawo tame, eye wotsɔ mamlɛa tu helétiawo kple gatagbadzɛawo." data/train/EXO/EXO_032_Verse_014.mp3,"Esi ŋu ke la, wofɔ kaba, eye wode asi numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo wɔwɔ me na nyivilegba la. Emegbe la, wonɔ anyi ɖu nu, eye wono nu nyuie, eye wotsi tsitre, eye woɖu ɣe." data/train/EXO/EXO_009_Verse_034.mp3,"Ɖe gbe na ameawo azɔ be, woakplɔ wò lãhawo kple nu siwo katã le asiwò le gbedzi la ava de kpo me, elabena kpetsi la adza ɖe amewo kple lã siwo womekplɔ va aƒe me o la siaa dzi, eye wo katã woaku.’ ”" data/train/EXO/EXO_019_Verse_012.mp3,"Ke Yehowa gagblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi, eye nàkplɔ Aron ɖe asi vɛ. Mègaɖe mɔ be nunɔlawo kple ameawo nagbɔ liƒoawo dzi be yewoava afi sia o. Ne wotee kpɔ la, matsrɔ̃ wo.”" data/train/EXO/EXO_030_Verse_024.mp3,"Tu eƒe ɖe memie eye nàtsɔ eƒe ɖe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ, afi si medoa go wò le, le agbadɔ la me. Dzudzɔdonu sia le kɔkɔe." data/train/EXO/EXO_037_Verse_024.mp3,Wote ɖe atsyɔ̃ɖonu mimli la ŋu. Wowɔ wo be woatsɔ ati aƒo ɖe wo me hena aɖaka la kɔkɔ. data/train/EXO/EXO_035_Verse_018.mp3,"Mawu na aɖaŋu tɔxɛ ame eve siawo be woate ŋu awɔ sikanuwo, atsɔ ati akpa nuwo, eye woatsɔ ka vovovowo alɔ̃ nuwo ɖe avɔwo me. Wodze le ame sia ame ŋu le aɖaŋunu siwo katã míehiã na dɔ la wɔwɔ me." data/train/EXO/EXO_027_Verse_010.mp3,Na woatsɔ ati didiawo aƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi hena vɔsamlekpui la kɔkɔ. data/train/EXO/EXO_018_Verse_019.mp3,"Wonɔa anyi ɣe sia ɣi na nyadɔdrɔ̃. Wotsɔa nya sesẽwo vaa Mose gbɔ, ke wodrɔ̃a nya kukluiwo le wo ɖokuiwo si." data/train/EXO/EXO_038_Verse_019.mp3,Wotsii ɖe kpɔti ene ŋu. Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. data/train/EXO/EXO_036_Verse_037.mp3,Ʋuƒo blaeve nɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. data/train/EXO/EXO_035_Verse_032.mp3,"Nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa, ame sia ame si lɔ̃ tso dzi me faa la va. Wotsɔ sika, togɛwo, asigɛwo, kɔgawo kple sikanu ƒomevi ɖe sia ɖe vɛ na Yehowa." data/train/EXO/EXO_015_Verse_000.mp3,"“Àkplɔ ame siwo nèɖe la le wò lɔlɔ̃ mavɔ la ƒe ŋusẽ me. Le wò ŋusẽ me, àkplɔ wo ayi wò nɔƒe kɔkɔe lae." data/train/EXO/EXO_035_Verse_011.mp3,"avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple hɛ̃tɔ, dzĩtɔ kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi alo gbɔ̃fu," data/train/EXO/EXO_015_Verse_004.mp3,"Ede Farao ƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔwo ƒu, eye wònyrɔ wo ɖe atsiaƒu la me. Farao ƒe aʋakplɔla xɔŋkɔwo nyrɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me." data/train/EXO/EXO_002_Verse_013.mp3,"Mawu se woƒe konyifafa, eye wòɖo ŋku eƒe ŋugbedodo na Abraham, Isak kple Yakob dzi." data/train/EXO/EXO_039_Verse_004.mp3,"Alidziblanu si wolɔ̃ kple aɖaŋu la sɔ kplii, wotsɔ sika, ɖetika ɣi, blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ lɔ̃ wo kple kɔmewu la ɖekae abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene la tututu." data/train/EXO/EXO_034_Verse_032.mp3,"Yehowa ɖo eŋu be, “Enyo. Esiae nye nubabla si mawɔ kple wò. Mawɔ nukunu siwo tɔgbi ame aɖeke mewɔ le xexea me blibo la ƒe akpa aɖeke kpɔ o. Israelviwo katã akpɔ Yehowa ƒe ŋusẽ. Woakpɔ ŋusẽ triakɔ si maɖe afia to dziwò.”" data/train/1TH/1TH_005_Verse_013.mp3,"Mida akpe le nuwo katã me, elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mi le Kristo Yesu me." data/train/1TH/1TH_001_Verse_003.mp3,"elabena woawo boŋ gblɔa ale si miexɔ mí kple dzidzɔ manyagblɔ kple ale si mietrɔ tso trɔ̃subɔsubɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye Mawu gbagbe nyateƒetɔ la koe zu miaƒe Aƒetɔ la na mí." data/train/1TH/1TH_001_Verse_001.mp3,"Azɔ la, miekaka Aƒetɔ la ƒe nya la na amewo le afi sia afi, tso Akaya yi keke Makedonia ƒe liƒowo godo ke hã, elabena afi sia afi si míeyi la, amewo ɖia ɖase tso miaƒe xɔse deto si le mia si le Mawu me la ŋuti. Esia ta megahiã be míawo míagagblɔ nya aɖeke na wo o," data/train/1TH/1TH_005_Verse_002.mp3,"Elabena mi katã la, kekeli kple ŋkeke la ƒe viwoe mienye, eye mienye viviti kple zã tɔwo o," data/train/1TH/1TH_005_Verse_025.mp3,"Nɔvi lɔlɔ̃awo, mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta." data/train/1TH/1TH_001_Verse_004.mp3,"Emegbe la, miawo ŋutɔwo mieva zu kpɔɖeŋu na xɔsetɔ siwo katã le Makedonia kple Akaya." data/train/1TH/1TH_004_Verse_003.mp3,"Esia hã nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be ame aɖeke magaba nɔvia, axɔ srɔ̃a le esi gbeɖegbeɖe o, elabena Aƒetɔ la ahe to na mi nublanuimakpɔmakpɔtɔe ɖe nu vɔ̃ sia ta, abe ale si míegblɔe na mi kple ɖokuibɔbɔ va yi la ene." data/train/1TH/1TH_005_Verse_008.mp3,"Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo la, nu siawo mele ɣaɣla ɖe mi o, eye womava ɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene, le Aƒetɔ la ƒe azãgbe la o." data/train/1TH/1TH_003_Verse_003.mp3,"Azɔ la, Timoteo trɔ gbɔ, eye wòtsɔ dzidzɔnya sia vɛ na mí be miaƒe xɔse kpe lɔlɔ̃ le Aƒetɔ la me gale te sesĩe ko abe tsã ene, eye be mieɖoa ŋku míaƒe mia gbɔ vava dzi kple dzidzɔ, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí abe ale si míawo hã míedi vevie be míakpɔ mi ene." data/train/1TH/1TH_003_Verse_002.mp3,"Aleke míawɔ ada akpe na Mawu wòade eteƒe ɖe mia ta, ɖe dzidzɔ si míekpɔ le míaƒe Mawu la ŋkume le mia ta?" data/train/1TH/1TH_005_Verse_007.mp3,"Ke mina mí ame siwo nye kekeliviwo la, míanɔ mo xexi, eye míatsɔ xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu ado, eye míaɖɔ ɖeɖekpɔkpɔ si míele mɔ kpɔm na la abe gakuku ene." data/train/1TH/1TH_003_Verse_001.mp3,ale be miate ŋu alé dzi ɖe ƒo le miaƒe fukpekpe siawo katã me. Gake mienya be fukpekpe mawo nye Mawu ƒe ɖoɖo ƒe akpa aɖe na mi kristotɔwo. data/train/1TH/1TH_005_Verse_016.mp3,"Mido nu sia nu kpɔ, eye milé ɖe nu si nyo la ŋu." data/train/1TH/1TH_005_Verse_020.mp3,"Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke metsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe o, ke boŋ midze agbagba be ɣe sia ɣi la, mianyo dɔ me na mia nɔewo kple ame bubu ɖe sia ɖe." data/train/1TH/1TH_002_Verse_004.mp3,"Esi wowu woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo vɔ la, woklã Aƒetɔ Yesu gɔ̃ hã ɖe atitsoga ŋuti, eye azɔ la, woti míawo hã yome kutɔkutɔe henya mí do goe le dua me. Wotsi tsitre ɖe Mawu kple amegbetɔ siaa ŋuti," data/train/1TH/1TH_004_Verse_008.mp3,"Le Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya nu la, míele egblɔm na mi be mí ame siwo gale agbe, ame siwo asusɔ va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la mado ŋgɔ na ame siwo ku la o." data/train/1TH/1TH_003_Verse_006.mp3,"Esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míegblɔe na mi do ŋgɔ be fukpekpe kple yometiti ava kpuie abe ale si wòva dzɔe ene." data/train/1TH/1TH_003_Verse_005.mp3,"Elabena zã kple keli la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta atraɖii; míebiaa Mawu be wòaɖe mɔ be míagakpɔ mi, ale be míate ŋu aɖe kuxi siwo aganɔ fu ɖem na miaƒe xɔse la ɖa." data/train/1TH/1TH_005_Verse_014.mp3,Mido gbe na nɔviwo katã le Kristo me. data/train/1TH/1TH_005_Verse_015.mp3,Mido kɔkɔ ame siawo le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ ta. Minɔ anyi le ŋutifafa me kple mia nɔewo. data/train/1TH/1TH_002_Verse_014.mp3,"Nu ka gɔ̃ míele agbe na? Nu kae na mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ mí, eye wònye míaƒe fetu vavã kple fiakuku la? Miawoe! Ɛ̃, miahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí, ne mí katã míetsi tsitre ɖe míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkume, ne etrɔ va," data/train/1TH/1TH_005_Verse_027.mp3,"Zã mee amewo dɔa alɔ̃, eye ɣe ma ɣi me kee amewo mua aha." data/train/1TH/1TH_003_Verse_007.mp3,"Esia ana be Mawu mía Fofo la nana be miaƒe dziwo nakpɔ ŋusẽ, anɔ dzadzɛ, ale be miate ŋu ado ɖe eŋkume fɔɖiɖimanɔŋui nenye be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo trɔ gbɔ kple eƒe ame kɔkɔewo. Amen." data/train/1TH/1TH_004_Verse_002.mp3,"Elabena Mawu meyɔ mí be míava nye ame ƒoɖi siwo yɔ fũu kple dzodzro vɔ̃wo o, ke boŋ be míanye ame dzadzɛwo kple ame kɔkɔewo." data/train/1TH/1TH_002_Verse_013.mp3,"Míeɖea kuku na mi, dea dzi ƒo na mi, eye kura gɔ̃ hã la, míedina tso mia si be miaƒe agbenɔnɔ naganye nuɖiaɖia na Mawu o, ke boŋ wòahe dzidzɔ vɛ na eya ame si yɔ mí va eƒe fiaɖuƒe la me be míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe la me." data/train/1TH/1TH_004_Verse_000.mp3,"Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe gã aɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi, eye ame siwo ku le Kristo me la afɔ gbã." data/train/1TH/1TH_002_Verse_012.mp3,"Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi va ɖo mia gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí, be míagblɔ nyanyui ma ke na mi, togbɔ be futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã." data/train/1TH/1TH_003_Verse_000.mp3,"Abe ale si megblɔ va yi ene la, esi míekpɔ be míaƒe mia gbɔ vava le megbe tsim akpa la, míeɖo Timoteo ɖa, be wòakpɔe ɖa be miaƒe xɔse gale te sesĩe mahã. Mevɔ̃ be ɖewohĩ tela va te mi kpɔ, eye míaƒe agbagbadzedzewo katã zu dzodzro." data/train/1TH/1TH_001_Verse_009.mp3,"Nɔvi lɔlɔ̃awo kple Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ veviwo, míenya be Mawu ŋutɔe tia mi," data/train/1TH/1TH_004_Verse_012.mp3,Mienya nu siwo míeɖo na mi be miawɔ la to Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ me. data/train/1TH/1TH_005_Verse_019.mp3,Migatsi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nu o. data/train/1TH/1TH_004_Verse_007.mp3,"ke menye kple fieŋuifieŋui ƒe dzodzro vɔ̃wo, abe ale si trɔ̃subɔla siwo menya Mawu kple eƒe mɔwo o la wɔnɛ ene o." data/train/1TH/1TH_001_Verse_000.mp3,"Ale mieva zu míawo kple Aƒetɔ la yomedzelawo, elabena miexɔ míaƒe nya la kple dzidzɔ si tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ togbɔ be ehe tetekpɔ kple nuxaxa geɖewo va mia dzii hã." data/train/1TH/1TH_004_Verse_011.mp3,Meka ɖe edzi be megahiã be magblɔ nya tso dadavilɔlɔ̃ si dze be wòanɔ Mawu ƒe amewo dome la ŋuti o; mienyae xoxo! Elabena Mawu ŋutɔ le nu fiam mi be mialɔ̃ mia nɔewo. data/train/1TH/1TH_005_Verse_023.mp3,"Nuteƒewɔlae nye ame si yɔ mi, eya ta awɔe ade goe." data/train/1TH/1TH_002_Verse_016.mp3,"Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia yomedzenue nye be miawo hã miekpe fu abe ale si Mawu ƒe hame siwo le Yudea le Yesu Kristo me la kpee ene. Miawo ŋutɔ miaƒe dukɔmetɔwo ti mia yome abe ale si woawo hã kpe fu tso woawo ŋutɔ ƒe amewo, Yudatɔwo ƒe asi me ene." data/train/1TH/1TH_002_Verse_011.mp3,"Míelɔ̃ mi vevie, eye míaƒe lɔlɔ̃ la de to ale gbegbe be míetsɔ Mawu ƒe nyanyui la ɖeɖe ko vɛ na mi o, ke boŋ míetsɔ míawo ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã kpe ɖe eŋuti na mi." data/train/1TH/1TH_005_Verse_012.mp3,Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi. data/train/1TH/1TH_005_Verse_022.mp3,Mitsri vɔ̃ ɖe sia ɖe tɔgbi. data/train/1TH/1TH_002_Verse_020.mp3,"Ɖe mieɖo ŋku edzi be, míeƒoa nu na mi abe ale si fofo ƒoa nu na viawoe la ene oa?" data/train/1TH/1TH_001_Verse_002.mp3,"elabena esi míetsɔ nyanyui la vɛ na mi la, miexɔe abe nya dzodzro aɖe ko ene o; ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã abe ale si mienya ame si ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene." data/train/1TH/1TH_005_Verse_006.mp3,"eya ta minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye migadɔ alɔ̃ abe ame bubuwo ene o. Minɔ ŋudzɔ na eƒe vava, eye mianɔ mo xexi." data/train/1TH/1TH_004_Verse_009.mp3,"Le esia megbe la, woakɔ mí ame siwo gale agbe le ɣe ma ɣi la ayi dzi kpli wo le lilikpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe," data/train/1TH/1TH_003_Verse_010.mp3,"eye míeɖo Timoteo, mía nɔvi kple hadɔwɔla; Mawu ƒe dɔla si ɖea gbeƒã Kristo ƒe nyanyui la ɖe mi, be wòava do ŋusẽ miaƒe xɔse, eye wòade dzi ƒo na mi," data/train/1TH/1TH_004_Verse_013.mp3,"Míexɔe se bena Yesu ku, eye wògatsi tsitre, eya ta míexɔe se bena Mawu afɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le Yesu me la kple Yesu." data/train/1TH/1TH_002_Verse_001.mp3,"Edzro mí vevie ŋutɔ be míava mia gbɔ, eye nye, Paulo, medze agbagba zi geɖe be mava, gake Satana meɖe mɔ na mí o." data/train/1TH/1TH_001_Verse_005.mp3,"Eye wogblɔ hã na mí be miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe Vi, Yesu ƒe tɔtrɔ va tso dziƒo; ame si Mawu fɔ tso ku me, eye wònye Ɖela si ko ate ŋu aɖe mí tso Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ɖe nu vɔ̃ ŋuti la me." data/train/1TH/1TH_005_Verse_010.mp3,"Mawu meɖo be yeahe eƒe dɔmedzoe ƒe to na mi o, ke boŋ be yeaɖe mí to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi." data/train/1TH/1TH_003_Verse_009.mp3,eye Aƒetɔ la nawɔe be miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũu agbã go abe ale si míaƒe lɔlɔ̃ na mi le la ene. data/train/1TH/1TH_005_Verse_018.mp3,Migado vlo nyagblɔɖiwo o. data/train/1TH/1TH_005_Verse_011.mp3,Mele eƒom ɖe mia nu le Aƒetɔ la ŋkume be woaxlẽ agbalẽ sia na nɔviawo katã. data/train/1TH/1TH_001_Verse_006.mp3,"Le míaƒe gbedodoɖawo me na Mawu, mía Fofo la ɖe mia ta la, míeŋlɔa miaƒe lɔlɔ̃dɔwo, miaƒe xɔse triakɔ kple mɔkpɔkpɔ na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la be o." data/train/1TH/1TH_003_Verse_008.mp3,"Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míaƒe dziwo kpɔ akɔfafa, le míaƒe hiãwo kple fukpekpewo me le miaƒe xɔse ta." data/train/1TH/1TH_002_Verse_009.mp3,"Miawo ŋutɔ kple Mawu siaa mienye ɖasefowo na mí be míenɔ agbe dzadzɛ, agbe kɔkɔe kple agbe si ŋu mokaka mele o la le mia dome." data/train/1TH/1TH_004_Verse_001.mp3,"Elabena enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be mianɔ kɔkɔe; ate ɖa xaa tso ahasiwɔwɔ gbɔ," data/train/1TH/1TH_004_Verse_004.mp3,Esia nanye miaƒe didi ɖaa be mianɔ agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la ene. data/train/1TH/1TH_003_Verse_004.mp3,Elabena míenya azɔ be miele te sesĩe nyateƒetɔe le Aƒetɔ la me. data/train/1TH/1TH_002_Verse_002.mp3,"elabena míawo la míele nya la gblɔm abe dɔla siwo tso Mawu gbɔ, ame siwo wòtsɔ nyanyuie la de asi na la ene; eya ta míetrɔ eƒe nya la ƒe akpa aɖeke be wòasɔ ɖe nyaselawo ƒe didi nu o elabena míawo la, míesubɔa Mawu ɖeka hɔ̃ɔ si dzroa amewo ƒe dzimesusuwo ƒe gogloƒe ke me." data/train/1TH/1TH_002_Verse_005.mp3,"Eya ta miakpɔe adze sii be míele mawunya gblɔm ɖe didi vɔ̃wo alo tameɖoɖo vɔ̃wo ta o, ke boŋ míele egblɔm le anukwareɖiɖi kple dzitsinya nyui me," data/train/1TH/1TH_005_Verse_000.mp3,"Azɔ la, Mawu ŋutɔ, ame si nye ŋutifafa ƒe Mawu la nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã blibo la ɖo mokakamanɔŋui le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la." data/train/1TH/1TH_005_Verse_004.mp3,"Esime amewo le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe, eye mate ŋu asi le enu o ene." data/train/1TH/1TH_002_Verse_010.mp3,"Míebia kafukafu tso miawo alo ame bubu aɖeke gbɔ kpɔ o; evɔ abe Kristo ƒe apostolowo ene la, míedze na bubu tɔxɛ tso mia gbɔ hafi." data/train/1TH/1TH_004_Verse_015.mp3,"Ne mienɔ agbe alea la, ame siwo menye kristotɔwo o la abu mi. Kpe ɖe esia ŋuti la, miganɔ amewo ƒe asinu kpɔm be woana ga mi be miatsɔ akpɔ mia ɖokuiwo dzii o." data/train/1TH/1TH_002_Verse_000.mp3,"Abe ale si mienya nyuie ene la, míedze agbagba zi ɖeka pɛ hã kpɔ be míahe mi va mía gbɔe to mia nu beble me o, eye Mawu ŋutɔ hã nya be menye ɖe míebua be míenye mia xɔlɔ̃wo ale be miana ga mí o." data/train/1TH/1TH_005_Verse_001.mp3,Dzi nedzɔ mi ɣe sia ɣi. data/train/1TH/1TH_003_Verse_011.mp3,Mawu mía Fofo la ŋutɔ kple míaƒe Aƒetɔ Yesu nagbugbɔ mí ɖo ɖe mia gbɔ data/train/1TH/1TH_002_Verse_008.mp3,"Le esia teƒe la, míegbɔ dzi ɖi na mi abe ale si vi dada gbɔa dzi ɖi doa nuɖuɖu na viawo, eye wòléa be na wo ene." data/train/1TH/1TH_005_Verse_009.mp3,"Kristo ku ɖe mía ta, ale be míele agbe alo míeku o, ne etrɔ va la, míate ŋu anɔ agbe kplii tegbetegbe." data/train/1TH/1TH_002_Verse_006.mp3,"Eye míadzudzɔ akpedada na Mawu ɖe esia ta o, elabena esi míegblɔ nyanyui la na mi la, miebu nya la abe nya siwo míawo ŋutɔ míesusu la ene o, ke boŋ miexɔe abe Nya si tso Mawu ŋutɔ gbɔ la ene, eye le nyateƒe me eya ŋutɔ gbɔe wòtso, eya ta esi miexɔe se la, etrɔ miaƒe agbenɔnɔ." data/train/MRK/MRK_008_Verse_003.mp3,"Ameawo ɖu nu, ɖi ƒodo nyuie. Emegbe la, nusrɔ̃lawo ƒo abolo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, woyɔ kusi adre." data/train/MRK/MRK_012_Verse_000.mp3,"Agbalẽfiala la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, èto nyateƒe esi nègblɔ be Mawu ɖeka koe li, bubu aɖeke megali o," data/train/MRK/MRK_014_Verse_067.mp3,"Yesu meke nu o, ke boŋ ezi kpi kpoo. Nunɔlagã la gabiae be, “Wòe nye Kristo, si nye Yayratɔ la ƒe Via?”" data/train/MRK/MRK_011_Verse_005.mp3,"Egay eƒe nufiafia dzi hegblɔ na ameawo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã oa’? Gake miawo mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”" data/train/MRK/MRK_012_Verse_032.mp3,"Tete wotsɔ ga la nɛ eye wòbia wo be, “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe le edzi?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_051.mp3,"Ɖekakpui la gblɔ na Yesu be, “Nufiala, mewɔ se siawo katã dzi tso nye ɖevime ke.”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_012.mp3,"Esi Yesu se eŋkɔ la, etɔ ɖe mɔƒoa me hegblɔ be, “Migblɔ nɛ be neva.” Ale wogblɔ nɛ be, “Wò dzi nedze eme. Yesu le yɔwòm, tso va.”" data/train/MRK/MRK_012_Verse_006.mp3,"Ale wolée hewui, eye wotsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe agble la godo." data/train/MRK/MRK_006_Verse_007.mp3,"Azɔ ege ɖe ʋu la me, eye yaƒoƒo la tɔ. Nusrɔ̃lawo katã ƒe nu ku ŋutɔ," data/train/MRK/MRK_010_Verse_014.mp3,"eye ame si di be yeanye amewo katã ƒe tatɔ la, ele nɛ be wòanye woƒe kluvi," data/train/MRK/MRK_014_Verse_054.mp3,"Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔla gbɔ nɔ dzo ƒum." data/train/MRK/MRK_002_Verse_021.mp3,"Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o, elabena ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la nawó, eye aha la kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.”" data/train/MRK/MRK_005_Verse_010.mp3,"Elabena Yesu nɔ gbɔgblɔm nɛ be, “Do go le ŋutsu sia me, wò gbɔgbɔ vɔ̃.”" data/train/MRK/MRK_006_Verse_047.mp3,"Nyɔnuvi la yi dadaa gbɔ ɖagblɔ nya la nɛ. Dadaa gblɔ nɛ be, “Yi nàbia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta.”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_023.mp3,"Etsɔ wainkplu la heda akpe ɖe eta, eye wòtsɔe na wo eye wo katã wonoe le enu." data/train/MRK/MRK_006_Verse_004.mp3,"Alo menye ame siae nye atikpala la oa? Menye Maria ƒe viŋutsu si nɔviwoe nye Yakobo, Yosef, Yuda kple Simɔn, siwo le mía dome, eye nɔvia nyɔnuwo hã le mía dome oa?” Esia na eƒe nu ve dɔme na wo ŋutɔ." data/train/MRK/MRK_015_Verse_036.mp3,"Pilato bia wo be, “Nu vɔ̃ ka wòwɔ?” Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋu!”" data/train/MRK/MRK_015_Verse_043.mp3,Woŋlɔ nutsotso si wotsɔ ɖe eŋu esi ta woklãe ɖe atia ŋu la ɖe ʋuƒo kakɛ aɖe dzi klã ɖe atitsoga la tame. Nu si woŋlɔ ɖe ʋuƒoa dzi enye: Yudatɔwo ƒe Fia. data/train/MRK/MRK_011_Verse_019.mp3,"Kasia Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ na ati la dzi, eye wògblɔ be, “Kpɔ ɖa, Nufiala! Ati si nèƒo fi de la yrɔ!”" data/train/MRK/MRK_008_Verse_010.mp3,"Egabia wo be, “Esi menyi ame akpe ene (4,000) kple abolo adre ɖe, abolo kusi nenie susɔ?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kusi adre.”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_044.mp3,"Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Kapernaum, eye woyi anyigbeme lɔƒo le Yudea nutowo me kple nuto si le Yɔdan ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la me. Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, amehawo va ƒo zi ɖe Yesu ŋu, eye wòfia nu wo abe ale si wòwɔnɛ ene." data/train/MRK/MRK_003_Verse_004.mp3,"Azɔ la, etia ame wuieve be woanye apostolowo, ame siwo anɔ eŋuti gbeawo tsyo gbe, eye wòadɔ wo woayi aɖagblɔ mawunya na amewo," data/train/MRK/MRK_010_Verse_041.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Nenye be ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a be yeaɖe bubu la, ewɔ ahasi ɖe nyɔnu la ŋu." data/train/MRK/MRK_012_Verse_013.mp3,"elabena ne ame kukuwo fɔ ɖe tsitre la, womagaɖe srɔ̃ o, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o. Woanɔ ko abe mawudɔla siwo le dziƒo ene." data/train/MRK/MRK_011_Verse_027.mp3,"Wogava ɖo Yerusalem, eye esi wònɔ tsa ɖim le gbedoxɔ la me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo va tui hebiae be," data/train/MRK/MRK_004_Verse_004.mp3,"Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu bia wo be, “Nu ka ta mievɔ̃ alea gbegbe ɖo? Ekema va se ɖe fifia hã la, miexɔ dzinye se oa?”" data/train/MRK/MRK_005_Verse_040.mp3,"Yesu se nya si wova gblɔ na Yairo, ale wòde dzi ƒo nɛ gblɔ be, “Mègavɔ̃ o, xɔ dzinye se ko.”" data/train/MRK/MRK_006_Verse_032.mp3,"Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, eyi ƒuƒoƒe la ɖafia nu, eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonae be wòte ŋu le nukunu siawo wɔm!" data/train/MRK/MRK_006_Verse_018.mp3,eya ta gblɔ na ameawo be woayi kɔƒe kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu na wo ɖokuiwo.” data/train/MRK/MRK_011_Verse_006.mp3,"Egblɔ na wo be, “Miyi kɔƒe si le mia ŋgɔ la me. Ne miege ɖe eme teti ko la, miakpɔ tedzivi si womedo kpɔ o la le ka me. Mitui ne miakplɔe vɛ." data/train/MRK/MRK_012_Verse_021.mp3,"Fifia la, nu si míedi be míanya lae nye be, le tsitretsitsiŋkeke la dzi ɖe, wo dometɔ kae anye nyɔnu sia srɔ̃a, elabena wo ame adrea katã ɖee kpɔ.”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_014.mp3,"Ekplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi. Le gaƒoƒo sia me la, vevesese helĩhelĩ kple nuxaxa yɔ eme." data/train/MRK/MRK_001_Verse_039.mp3,"Yesu yi dɔnɔ la ƒe aba gbɔ, elé eƒe alɔnu, eye wònɔ alinu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo wo kɔme." data/train/MRK/MRK_010_Verse_025.mp3,"Le esia ta ŋutsu agble fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃nyɔnu la ŋuti" data/train/MRK/MRK_004_Verse_027.mp3,"Mɔto, afi si nuku aɖewo kaka ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ne wose mawunya la, Satana va te wo kpɔ ko la, woŋlɔa nya la be enumake." data/train/MRK/MRK_010_Verse_038.mp3,"Yesu bia wo be, “Nu ka dim miele?”" data/train/MRK/MRK_006_Verse_009.mp3,"Egblɔ na wo be, “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, negbe atizɔti ko. Migatsɔ nuɖuɖu, mɔzɔkotoku alo ga hã ɖe asi o." data/train/MRK/MRK_002_Verse_019.mp3,“Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Ɖe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka hɔ̃ɔ koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake oa?” data/train/MRK/MRK_012_Verse_036.mp3,"Yesu yi edzi gblɔ na ameawo be, “Mikpɔ nyuie le sefialawo ŋuti, elabena wolɔ̃a awu ʋlayawo dodo, eye wodina be amewo nado gbe na yewo ne yewole zɔzɔm le ablɔwo dzi." data/train/MRK/MRK_014_Verse_052.mp3,"Petro gblɔ kple kakaɖedzi be, “Gbeɖe, nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o. Ne ehiã be maku kpli wò kura gɔ̃ hã la, malɔ̃ aku faa.” Nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema ke." data/train/MRK/MRK_005_Verse_038.mp3,"Yesu na mɔ wo be woayi, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le ame la me enumake yi ɖage ɖe haawo me. Haawo ƒe habɔbɔ si anɔ abe akpe eve (2,000) ene la katã ƒu du sesĩe ɖanyrɔ wo ɖokuiwo ɖe ƒu la me doo heno tsi ku." data/train/MRK/MRK_014_Verse_044.mp3,"Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa be miage ɖe tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le klalo, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”" data/train/MRK/MRK_013_Verse_007.mp3,"Dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu, anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo, gawu la, dɔ ato le teƒe aɖewo, gake esiawo katã anye nu siwo do ŋɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.”" data/train/MRK/MRK_008_Verse_016.mp3,"Ke Yesu hã bia wo be, “Abolo nenie le mia si?” Woɖo eŋu be, “Abolo adre.”" data/train/MRK/MRK_011_Verse_030.mp3,"Yesu ɖo eŋu be, “Mixɔ Mawu dzi se." data/train/MRK/MRK_006_Verse_001.mp3,"Afi sia afi si Yesu yi le kɔƒewo, duwo kple agbletawo la, wokɔa dɔnɔwo vaa asiwo kple mɔwo toe, eye woɖea kuku nɛ be woaka asi eƒe awu pɛ ko ŋu. Le nyateƒe me la, ame siwo katã ka asi eŋu ko la ƒe lãme sẽna." data/train/MRK/MRK_009_Verse_016.mp3,"Azɔ esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o ɖo?”" data/train/MRK/MRK_006_Verse_002.mp3,Ale ameawo nɔ anyi ɖe hatsotso alafawo kple blaatɔ̃wo me. data/train/MRK/MRK_014_Verse_020.mp3,"Esi Yesu ganɔ nu ƒom la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be, Yuda Iskariɔt kple ameha gã aɖe, siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi henɔ nyanyram ŋutɔ la va do. Ame siawoe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo dɔ be woalé Yesu vɛ." data/train/MRK/MRK_003_Verse_006.mp3,Aƒe si me mama kple dzrewɔwɔ le la hã mate ŋu anɔ te o. data/train/MRK/MRK_014_Verse_063.mp3,"Yesu gatrɔ yi teƒe la, eye wògado gbe ɖa vevie, hegbugbɔ nu siwo wòbia tsã la bia." data/train/MRK/MRK_014_Verse_016.mp3,"Esi ameha la va ɖo teƒea teti ko la, Yuda Iskariɔt zɔ ɖe Yesu dzi hedo ɣli yɔe be, “Nufiala” eye wògbugbɔ nu nɛ." data/train/MRK/MRK_009_Verse_024.mp3,Eye woatsɔ dzo bibi ade dze ame sia ame wòatee.” data/train/MRK/MRK_003_Verse_025.mp3,"Ne Satana tsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la, ekema mate ŋu anɔ te o, ke boŋ atsrɔ̃." data/train/MRK/MRK_013_Verse_022.mp3,"Mikpɔ nyuie, minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣeyiɣi si me nu siawo ava eme o." data/train/MRK/MRK_006_Verse_036.mp3,"Le nuɖuɖu la nana ameawo vɔ megbe teti ko la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋu la me, akui atso ƒu la ayi Betsaida afi si yeava tu wo le emegbe. Ebe ye ŋutɔ yeado megbe ado mɔ ameha la woayi aƒe me." data/train/MRK/MRK_007_Verse_017.mp3,"“Le kpɔɖeŋu me, Mose de se si tso Mawu gbɔ la na mi be, ‘Bu fofowò kple dawò.’ Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Ame si agblɔ nya vlo ɖe fofoa alo dadaa ŋu la dze na ku,’" data/train/MRK/MRK_009_Verse_039.mp3,"Wobiae be, “Nu ka ta agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm be ele be Eliya nava gbã ɖo?”" data/train/MRK/MRK_011_Verse_015.mp3,"Eya ŋutɔ nɔ titina, ame aɖewo nɔ eŋgɔ, eye ɖewo hã nɔ eyome, eye wo katã wonɔ ɣli dom dzidzɔtɔe be, “Hosana!” “Woyra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.”" data/train/MRK/MRK_007_Verse_001.mp3,"Ale miegbe Mawu ƒe nya, eye miewɔna ɖe miaƒe kɔnyinyi, siwo mieɖo anyi la dzi. Miaƒe wɔna geɖewo le alea.”" data/train/MRK/MRK_011_Verse_004.mp3,"ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la bia wo be, “Nu ka ta miele ka tum tedzivi la ɖo?”" data/train/MRK/MRK_002_Verse_010.mp3,"Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò loo alo woagblɔ nɛ be, “Tso, kɔ wò aba ne nàzɔ azɔli?” ’" data/train/MRK/MRK_014_Verse_029.mp3,"Ke Petro sẽ nu gblɔ be, “Nyemenya alo se nu si gblɔm nèle la gɔme o.” Ale wòtso ɖanɔ agbo la ƒe mɔnu." data/train/MRK/MRK_012_Verse_020.mp3,"eye ele vevie be ame nalɔ̃ eya ɖeka kple eƒe dzi, gɔmesese kple ŋusẽ katã. Ele be woalɔ̃ amehavi wu be woasa vɔwo, numevɔwo kple vɔsa bubuwo.”" data/train/MRK/MRK_008_Verse_000.mp3,"Ame la tsa ŋku godoo, eye wòɖo eŋu be, “Ɛ̃, mele amewo kpɔm, gake nyemele wo kpɔm nyuie o, wodze abe atiwoe le zɔzɔm ene!”" data/train/MRK/MRK_015_Verse_042.mp3,Woklãe ɖe atitsoga ŋu. Woda akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be woakpɔ esi ame sia ame axɔ. data/train/MRK/MRK_008_Verse_025.mp3,"Ne miedi kokoko be miaɖe miaƒe agbe la, miabui boŋ. Ame siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi le nye nyanyui la ta la, atsi agbe boŋ." data/train/MRK/MRK_006_Verse_019.mp3,eya ta woƒu du ɖagblɔe na ame siwo katã le nuto la me be Yesu va ɖo. Ale amewo kɔ dɔnɔwo ɖe abawo dzi va egbɔ. data/train/MRK/MRK_012_Verse_039.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu si le fu ɖem na mi lae nye be mienya mawunya alo Mawu ƒe ŋusẽ o," data/train/MRK/MRK_011_Verse_002.mp3,Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu eye nusrɔ̃lawo ɖe woƒe awuwo ɖo ɖe edzi be wòadoe. data/train/MRK/MRK_003_Verse_013.mp3,"Etrɔ ɖe wo gbɔ hebia wo be, “Enyo be woawɔ dɔmenyo le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzia? Alo enye ŋkeke si dzi woawɔ nu nyui loo alo vɔ̃?” Ameawo katã zi kpi, eye womeɖo biabia siawo ƒe ɖeke ŋu nɛ o." data/train/MRK/MRK_005_Verse_032.mp3,"Nyɔnuvi la ti kpo tso aba la dzi, eye wòzɔ azɔli (nyɔnuvi la xɔ ƒe wuieve). Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo." data/train/MRK/MRK_012_Verse_041.mp3,"Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ didim vevie be yewoalée le afi ma kokoko, elabena wonya be yewo ŋue wòdo lo sia ɖo. Ke womete ŋui enumake o, elabena wovɔ̃ na ameha la. Ale wodzo le egbɔ." data/train/MRK/MRK_011_Verse_023.mp3,"Nusrɔ̃la eveawo dze mɔ, eye wokpɔ tedzivi la le ka me le aƒe aɖe godo. Esi wonɔ ka tumee la," data/train/MRK/MRK_005_Verse_023.mp3,"Hakplɔlawo lé du tsɔ sesĩe eye esi wonɔ yiyim la, wokaka nya la ɖe duwo kple kɔƒewo me. Esia wɔe be ame sia ame yi be yeakpɔ nu si dzɔ la." data/train/MRK/MRK_011_Verse_016.mp3,eye meɖe mɔ be ame aɖeke natsɔ naneke ato gbedoxɔ la me o. data/train/MRK/MRK_005_Verse_024.mp3,Kasia nyɔnu la do le ameawo dome kple vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu hegblɔ nu si wòwɔ la nɛ. data/train/MRK/MRK_014_Verse_043.mp3,"Mikplɔ ame sia ɖo eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me. Migblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Aƒetɔe dɔ mí be míava kpɔ xɔ si me nèdzra ɖo ɖi na mí be míaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le!’" data/train/MRK/MRK_007_Verse_009.mp3,Elabena miegbe nu le Mawu ƒe ɖoɖo vavãwo gbɔ hewɔa mia ŋutɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi. data/train/MRK/MRK_002_Verse_018.mp3,"“Menyo be woatsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, elabena ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒe la, eye teƒe si vuvu la alolo ɖe edzi wu." data/train/MRK/MRK_012_Verse_022.mp3,"gake agblea dzi nɔlawo ƒo ame dɔdɔ la, henyae ɖo ɖa asi ƒuƒlu." data/train/MRK/MRK_008_Verse_019.mp3,"Le ŋkeke siawo me, esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye kple nye nyawo akpe ŋu na la, Amegbetɔ Vi la akpe ŋu eya hã nenye be etrɔ va le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo.”" data/train/MRK/MRK_007_Verse_010.mp3,"Elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale amewo nɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu, eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!”" data/train/MRK/MRK_011_Verse_000.mp3,"Abe ale si wowɔna ɖaa ene la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le dua me le fiẽ me lɔƒo." data/train/MRK/MRK_005_Verse_016.mp3,"Esia ta Yesu gbugbɔ ge ɖe ʋu la me be yeadzo. Tete ŋutsu si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ɖe kuku nɛ be yeayi kplii," data/train/MRK/MRK_014_Verse_028.mp3,"Kasia koklo ku atɔ zi evelia. Enumake Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ zi eve la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Esia na be eƒe dzi gbã eye wòfa avi hehehe." data/train/MRK/MRK_005_Verse_021.mp3,Gake Yesu ganɔ ŋku tsam kokoko be yeakpɔ ame si wɔ nenem nu sia. data/train/MRK/MRK_013_Verse_013.mp3,"Eya ta minɔ ŋudzɔ elabena mienya ɣeyiɣi si aƒea tɔ atrɔ agbɔ o, eɖanye fiẽ alo zãtitina alo koklo ƒe atɔkuɣi alo ŋdi kanyaa o." data/train/MRK/MRK_009_Verse_032.mp3,"Ne wò afɔ nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe agbe la me kple afɔkpo wu esi afɔ eve nanɔ asiwò, woakɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me." data/train/MRK/MRK_002_Verse_027.mp3,"Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna ɣe aɖewo ɣi. Gbe ɖeka esi wogatsi nu dɔ alea la, ame aɖewo va Yesu gbɔ va bia nu si ta eya ƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o ɖo." data/train/MRK/MRK_007_Verse_025.mp3,"Wokplɔ tokunɔ aɖe si menya nuƒoƒo nyuie o la vɛ nɛ, eye amewo ɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe." data/train/MRK/MRK_015_Verse_027.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eloi, Eloi, lama sabaktani?” (si gɔmee nye “Nye Mawu, Nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?”)." data/train/MRK/MRK_002_Verse_012.mp3,"Ke Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo nɔ afi ma la gblɔ le woƒe dzi me be," data/train/MRK/MRK_014_Verse_056.mp3,"Subɔla la ƒe ŋku ganɔ Petro ŋu kokoko. Ekpɔ afi si wòɖanɔ eye wòyɔ ame bubuwo hegblɔ na wo be, “Mebe ame sia la, Yesu yomenɔlawo dometɔ ɖeka wònye.”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_065.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Miɖe asi le eŋu. Nu ka ŋuti miele fu ɖem nɛ? Nu nyui aɖe wònye wòwɔ nam." data/train/MRK/MRK_005_Verse_027.mp3,"Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame dɔdɔwo tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, “Viwo la ku xoxo, eye megahiã be nàɖe fu na Nufiala la o.”" data/train/MRK/MRK_004_Verse_029.mp3,"Nu siwo katã le ɣaɣla fifia la, ava dze le gaglãgbe gbe ɖeka." data/train/MRK/MRK_011_Verse_007.mp3,"Ekpɔ gboti aɖe si da ama ŋutɔ, ale wòte ɖe eŋu be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi hã, gake aŋgbawo koe nɔ ati la dzi, elabena eƒe kutseɣi meɖo o." data/train/MRK/MRK_009_Verse_010.mp3,"Ale wokplɔ ɖevi la yi na Yesu, gake kaka wòakpɔ Yesu ko la, gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba, eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu." data/train/MRK/MRK_013_Verse_009.mp3,"elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gã siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase." data/train/MRK/MRK_009_Verse_053.mp3,"Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la, Eliya va xoxo, eye wòɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔe ɖi le Amegbetɔ Vi la ŋu be, akpe fu geɖe, eye woagbe nu le egbɔ ɖo?" data/train/MRK/MRK_005_Verse_020.mp3,"gake egblɔ nɛ be, “Yi aƒe me le nɔviwòwo gbɔ, eye nàgblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na wò kple ale si wòkpɔ nublanui na wò la na wo.”" data/train/MRK/MRK_013_Verse_003.mp3,Ame si le agble me la megatrɔ va tsɔ eƒe awu o. data/train/MRK/MRK_012_Verse_027.mp3,"Mieɖo ŋku edzi be miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zua dzogoedzikpe oa?" data/train/MRK/MRK_006_Verse_035.mp3,"Le esia ta Herod di vevie be woawu Yohanes, gake fia la meda asi ɖe ɖoɖo sia dzi o," data/train/MRK/MRK_006_Verse_037.mp3,"Le zã me esi tɔdziʋua ɖo ƒu la ƒe titina la, eya ɖeka susɔ ɖe gota." data/train/MRK/MRK_012_Verse_009.mp3,"Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ anyi. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃, eye wòku vimadzii." data/train/MRK/MRK_009_Verse_013.mp3,"Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, “Nufiala meɖe kuku, vinyee mekplɔ vɛ na wò be nàda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o." data/train/MRK/MRK_004_Verse_039.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, wona mɔ mi be mianya mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woɣla esiawo ɖe ame siwo le fiaɖuƒe la godo to lododo me." data/train/MRK/MRK_015_Verse_020.mp3,"Ke nunɔlagãwo ƒoe ɖe ameawo nu be woabia be wòaɖe asi le Barabas boŋ ŋu, ke menye Yesu o." data/train/MRK/MRK_003_Verse_024.mp3,"Mele nyateƒe la gblɔm na mi be woatsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo kple woƒe busunyawo katã ake wo," data/train/MRK/MRK_011_Verse_011.mp3,"Esi ŋu ke ŋdi, eye wotrɔ tso Betania gbɔna la, dɔ wu Yesu le mɔa dzi." data/train/MRK/MRK_002_Verse_004.mp3,"Esi wòzɔ yina la, eva ke ɖe Levi, Alfeo ƒe vi ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme.” Levi tso enumake, eye wòdze Yesu yome." data/train/MRK/MRK_012_Verse_007.mp3,"Ame siawo lɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo, eye wodia kplɔ̃tanɔnɔ vevie le nuɖukplɔ̃ɖoƒewo." data/train/MRK/MRK_007_Verse_021.mp3,"Ne ame ɖu nu la, meyina eƒe dzi me o, ke boŋ etoa eƒe dɔkaviwo me hezua nugodo.” (Egblɔ nya sia be yeafia be nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋuti kɔ.)" data/train/MRK/MRK_006_Verse_042.mp3,"Mlɔeba la, Herod va kpɔ mɔnu aɖe si dzi wòato awu Yohanes. Herod ƒe dzigbezã ɖo, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo nye asrafowo ƒe amegãwo kple ame ŋkuta, siwo tso Galilea la le fiasã la me." data/train/MRK/MRK_006_Verse_051.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me, amewo dome kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me o.”" data/train/MRK/MRK_005_Verse_007.mp3,"Edo ɣli sesĩe be, “Nya kae le nye kple wò dome, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Le Mawu ta mègawɔ funyafunya aɖekem o!”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_000.mp3,"Ame dahewo le mia dome ɣe sia ɣe eye miate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo ɣe sia ɣi si mielɔ̃, ke nye la, nyemanɔ mia dome ɖaa o." data/train/MRK/MRK_006_Verse_029.mp3,"Ke Herod ya gblɔ kple kakaɖedzi be, “Yohanes, ame si nu metso ta le la kokokoe fɔ tso yɔ me.”" data/train/MRK/MRK_007_Verse_032.mp3,"Yesu kplɔ tokunɔ la dzoe le ameawo dome yi adzɔge, eye wòƒo eƒe asibidɛwo ɖe eƒe towo me. Azɔ eɖe ta hesi ɖe eƒe aɖe dzi." data/train/MRK/MRK_014_Verse_027.mp3,"Hafi woava ɖo teƒea la, Yuda Iskariɔt gblɔ na wo do ŋgɔ be, “Ame si ŋu mate ɖo agbugbɔ nu na la, eyae, milée, ne miakplɔe ayii.”" data/train/MRK/MRK_016_Verse_011.mp3,"Gake mawudɔla la gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Menye Yesu Nazaretitɔ, si woklã ɖe ati ŋu la dim miele oa? Mele afi sia o, etsi tsitre. Mikpɔ afi si wokɔ eƒe ŋutilã mlɔe ɖa." data/train/MRK/MRK_014_Verse_072.mp3,"Ɖetugbivi la te ɖe Petro ŋu, eye wòlé ŋku ɖe eŋu nyuie. Ke edo ɣli be, “Wò hã Yesu si tso Nazaret la yomedzelawo dometɔ ɖeka nènye.”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_045.mp3,"Yesu kpɔ nu si nusrɔ̃lawo wɔ la, medzɔ dzi nɛ kura o. Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame siawo ƒomevi tɔe nye mawufiaɖuƒe la!" data/train/MRK/MRK_005_Verse_012.mp3,"Ese nukunu geɖe siwo Yesu wɔ, eya ta eʋli eɖokui, to ameha la dome hezɔ va Yesu megbe, eye wòka asi eƒe awu ŋu," data/train/MRK/MRK_002_Verse_011.mp3,"Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame, heɖiɖi dɔnɔ la kple eƒe aba ɖe ekɔme." data/train/MRK/MRK_006_Verse_043.mp3,"Nenye be kɔƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi alo ɖo to mi o la, miʋuʋu ke si lé ɖe afɔƒome na mi la ɖi, eye miadzo. Esia nye ɖase be miegblẽ teƒe la ɖi be nu sia nu si adzɔ ɖe edzi la nadzɔ faa.”" data/train/MRK/MRK_012_Verse_042.mp3,"Ɖe míadzɔe loo alo ɖe míadzɔe oa? Ke Yesu dze si woƒe alakpanuwɔwɔ, eye wòbia wo be, “Nu ka ta miele teyem kpɔ? Mitsɔ ga si Romatɔwo ɖuna la ƒe ɖeka nam makpɔ.”" data/train/MRK/MRK_002_Verse_002.mp3,"Egblɔ yi edzi be, “Dzudzɔgbe ŋkekea la, ɖe woɖoe anyi be wòaɖe vi na ame, menye be ame nazu kluvi na Dzudzɔgbe ŋkeke la o." data/train/MRK/MRK_014_Verse_034.mp3,"Le fiẽ me la, Yesu va ɖo kple nusrɔ̃la wuieveawo." data/train/MRK/MRK_016_Verse_010.mp3,"Eɖake ɖe nusrɔ̃lawo ŋu, woƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka henɔ konyi fam, henɔ avi fam." data/train/MRK/MRK_014_Verse_008.mp3,"Azɔ wova ɖo teƒe si woyɔna be Getsemanebɔ la me. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Minɔ afi sia ne mayi aɖado gbe ɖa.”" data/train/MRK/MRK_012_Verse_011.mp3,"elabena ame siawo na nu si wozã wosusɔ la, ke ahosi dahe sia ya na nu si ŋu wòle be wòanɔ agbe ɖo la.”" data/train/MRK/MRK_008_Verse_033.mp3,"Yesu lé ŋkunɔ la ƒe alɔnu, eye wòkplɔe do goe le dua me. Eɖe ta ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wòda asi ɖe wo dzi. Azɔ ebia ŋkunɔ la be, “Ète ŋu le nu kpɔma?”" data/train/MRK/MRK_005_Verse_031.mp3,"Nyɔnu sia kpe fu, tsa le atikewɔla geɖewo dzi ƒe geɖewo, eye wògblẽ ga geɖe hã be woada dɔa na ye, gake mekpɔ dɔyɔyɔ o, dɔléle la ɖeko wòganyra ɖe edzi nɛ boŋ." data/train/MRK/MRK_014_Verse_047.mp3,"Mlɔeba la, nunɔlagã la tso, bia Yesu le ʋɔnua ŋkume be, “Ɖe nèle gbegbem be yemaɖo nutsotso gbogbo siwo wotsɔ ɖe ŋuwò la ƒe ɖeke ŋu oa? Nya aɖeke mele asiwò nàtsɔ aʋli ɖokuiwò tae oa?”" data/train/MRK/MRK_009_Verse_017.mp3,"edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu yeƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la, egblɔna na wo be, “Woade Amegbetɔ Vi la asi, woawui, gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, magatsi tsitre tso ame kukuwo dome.”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_017.mp3,"Esi nunɔlagãwo se nu si ta wòva wo gbɔ ɖo la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ ale wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ. Le esia ta Yuda Iskariɔt de asi teƒe kple gaƒoƒo nyuitɔ si me wòade Yesu asi la didi me." data/train/MRK/MRK_016_Verse_006.mp3,"Esi Aƒetɔ Yesu wu nya siawo nu la, wokɔe dzoe yi dziƒo eye wòɖanɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime." data/train/MRK/MRK_005_Verse_006.mp3,"Azɔ Yesu tia Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ko be woakplɔ ye ɖo ayi ɖe aƒea me." data/train/MRK/MRK_016_Verse_012.mp3,"Gake nukutɔe la, esi wova ɖo teƒea la, wokpɔ be womli kpe si wotsɔ tu yɔdo la nu la da ɖe adzɔge eye yɔdoa le ʋuʋu." data/train/MRK/MRK_004_Verse_007.mp3,"Egblɔ na wo be, “Miɖo to miasee! Agbledela aɖe yi nuku wu ge ɖe eƒe agble me." data/train/MRK/MRK_001_Verse_018.mp3,"Gake esi ŋutsu la dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi, ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ." data/train/MRK/MRK_006_Verse_031.mp3,"Le ameawo ƒe dzimaxɔse ta la, mete ŋu wɔ nukunu gãwo le wo dome o, asi ko wòda ɖe dɔléla ʋɛ aɖewo dzi heyɔ dɔ wo." data/train/MRK/MRK_011_Verse_033.mp3,"“Ŋusẽ kae nètsɔ le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?”" data/train/MRK/MRK_016_Verse_018.mp3,Nyɔnuawo si do go le yɔdo la me kple vɔvɔ̃ gã aɖe. Wovɔ̃ ale gbegbe be womagate ŋu aƒo nu gɔ̃ hã o. data/train/MRK/MRK_004_Verse_014.mp3,"gake xexe sia me ƒe dzitsitsi ɖe kesinɔnuwo ŋu, hloloetsotso na dzidzedzekpɔkpɔ kple xexea me ƒe nudzroame geɖewo zua ŋu vuna tsyɔa Mawu ƒe Nya si wose la dzi, metsea ku aɖeke o." data/train/MRK/MRK_002_Verse_013.mp3,"Le fiẽ me la, Levi kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla geɖewo hã nɔ ame siwo wòkpe la dome, elabena ame siawo ƒomevi hã nɔ Yesu yome." data/train/MRK/MRK_007_Verse_004.mp3,Azɔ Yesu ge ɖe aƒe aɖe me be yeadzo le ameha la gbɔ vie. Eƒe nusrɔ̃lawo va biae le afi sia be wòaɖe lo si wòdo la gɔme na yewo. data/train/MRK/MRK_003_Verse_015.mp3,eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. data/train/MRK/MRK_013_Verse_036.mp3,“Ɣe ka ɣie nu siawo le dzɔdzɔ ge? Míakpɔ dzesi aɖe do ŋgɔ si ana míanya be nu siawo le dzɔdzɔ gea?” data/train/MRK/MRK_003_Verse_012.mp3,"Esi Yesu trɔ yi aƒe si me wòdze la, amehawo gade asi ƒuƒoƒo me ake, eye eteƒe medidi o la, aƒea me yɔ kple amewo. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be mekpɔ ɣeyiɣi ne wòaɖu nu gɔ̃ hã o." data/train/MRK/MRK_016_Verse_015.mp3,"Le Kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ, le ŋdi kanya la, wofɔ, tsɔ amiawo ɖe asi dze mɔ ɖo ta Yesu ƒe yɔdo to." data/train/MRK/MRK_009_Verse_019.mp3,"Esi ameha la kpɔ Yesu la, vɔvɔ̃ ɖo wo, ke woƒu du yi egbɔ be yewoado gbe nɛ." data/train/MRK/MRK_014_Verse_070.mp3,"Ŋuɖoɖo sia do dziku na nunɔlagã la ale gbegbe be wòdze eƒe awu si wòdo la hegblɔ be, “Ɖe wòhiã be míagadi ɖasefowo ɖe eŋua?" data/train/MRK/MRK_014_Verse_024.mp3,Gake ame aɖe he eƒe yi ɖe go eye wòkpa nunɔlagã la ƒe dɔla ƒe to ɖeka wòge va dze anyigba. data/train/MRK/MRK_009_Verse_046.mp3,"Yesu kpɔ be ameha la nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi, eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be, nàdo go le ɖevi sia me fifi laa, mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o.”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_000.mp3,"Ame siwo kplɔ Yesu ɖo la dometɔ aɖewo blu ɖe eta sesĩe be, “Ɖo to kaba!” Gake egado ɣli sesĩe wu tsã be, “Ao, David ƒe Vi, kpɔ nublanui nam.”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_009.mp3,Aƒetɔ la akplɔ mi ayi dziƒoxɔ dzi eye wòafia xɔ gã aɖe si me wòdzra ɖo la mi. Miɖo kplɔ̃ ɖe afi ma hena míaƒe Ŋutitotoŋkeke la ɖuɖu.” data/train/MRK/MRK_004_Verse_041.mp3,"Ɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi, afi si ke sue aɖe ko nɔ; nuku siawo tsi vlɔvlɔvlɔ," data/train/MRK/MRK_011_Verse_017.mp3,"Gake ne miebe yewoado gbe ɖa la, mitsɔ ame siwo ƒe nyawo le dɔ me na mi la ke wo gbã be mia Fofo si le dziƒo hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi." data/train/MRK/MRK_003_Verse_014.mp3,"Etsa ŋku le ame siwo ƒo xlãe la dome godoo, eye wògblɔ be, “Ame siawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo!" data/train/MRK/MRK_011_Verse_003.mp3,"Ame geɖewo ɖo woƒe avɔwo ɖe mɔa dzi le eŋgɔ be wòazɔ wo dzi, eye ɖewo hã ŋe atilɔwo ɖo ɖe mɔa dzi nɛ fũu." data/train/MRK/MRK_016_Verse_001.mp3,"Azɔ egblɔ na wo be, “Fifia la, miyi ɖe xexe blibo la me eye miagblɔ nyanyui la na ame sia ame le afi sia afi." data/train/MRK/MRK_015_Verse_046.mp3,"Yosef ƒle aklala biɖibiɖi gã aɖe, eye woɖe Yesu ƒe ŋutilã kuku la le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala la ɖe eŋu eye wòkɔe ɖamlɔ yɔdo, si woɖe ɖe agakpe me la me, hemli kpe gã aɖe ɖo yɔdo la nu." data/train/MRK/MRK_015_Verse_006.mp3,Anɔ abe ŋdi ga asiekɛ me ene esi woklãe ɖe atitsoga ŋu. data/train/MRK/MRK_001_Verse_041.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele be míayi du bubuwo hã me be magblɔ nyanyui la na woawo hã, elabena esia ta meva ɖo.”" data/train/MRK/MRK_003_Verse_026.mp3,"Nenye be ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la kpɔ Yesu la, wodzea anyi ɖe eƒe akɔme hedoa ɣli be, “Wòe nye Mawu ƒe Vi la,”" data/train/MRK/MRK_008_Verse_002.mp3,"Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe ene (4,000). Yesu do mɔ wo le nua ɖuɖu vɔ megbe." data/train/MRK/MRK_014_Verse_046.mp3,"Mlɔeba la, ame aɖewo da alakpa ɖe esi be," data/train/MRK/MRK_007_Verse_011.mp3,"(Elabena Yudatɔwo, vevietɔ Farisitɔwo ɖe woklɔa asi kple abɔ va se ɖe abɔkugluinu ke abe ale si wo tɔgbuiwo wɔnɛ hafi ɖua nu ene." data/train/MRK/MRK_008_Verse_024.mp3,"Ne meɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii la, ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi, elabena wo dometɔ aɖewo tso didiƒe ke.”" data/train/MRK/MRK_009_Verse_009.mp3,"Ale nusrɔ̃lawo ɣla nya siawo ɖe woƒe dziwo me, gake zi geɖe la, woƒoa nu le eŋu, eye wobua ta me vevie le nu si tututu Yesu gblɔna be, “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome” la ŋu." data/train/MRK/MRK_005_Verse_033.mp3,"Vavã esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋu teti ko la, ʋu si nɔ dodom le eŋu la tɔ enumake, eye wòse le eɖokui me hã be yehaya." data/train/MRK/MRK_006_Verse_025.mp3,"Gake Yesu gblɔ na wo be, “Miawo mina nuɖuɖu wo.” Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home gã aɖe.”" data/train/MRK/MRK_003_Verse_028.mp3,"Yesu biae be, “Ame kae nye danye? Ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?”" data/train/MRK/MRK_005_Verse_018.mp3,"eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze dɔ la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be, “Vinye la ɖo kudo nu vɔ, eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe.”" data/train/MRK/MRK_006_Verse_027.mp3,"hetsɔ de agba me vɛ na nyɔnuvi la, eye wòtsɔe yi na dadaa." data/train/MRK/MRK_012_Verse_029.mp3,"“Nu ka miebu be agbleatɔ awɔ ne ese nya sia? Ava kple dɔmedzoe, ava wu ame vɔ̃ɖi siawo katã, eye wòatsɔ agble la ade ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te." data/train/MRK/MRK_014_Verse_050.mp3,"“Nyɔnu sia wɔ nu si wòate ŋui la nam. Esi ami na nye ŋutilã, si ɖi ge wole le ŋkeke kpui aɖewo megbe la do ŋgɔ." data/train/MRK/MRK_003_Verse_007.mp3,elabena eda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu gbe ma gbe ale gbegbe be dɔnɔ bubuwo ƒo zi ɖe eŋu fũu henɔ didim be yewoaka asi eŋu ko. data/train/MRK/MRK_003_Verse_027.mp3,"Yakobo kple nɔvia Yohanes, Zebedeo ƒe vi (siwo Yesu na ŋkɔe be, “dziɖegbe ƒe viwo”);" data/train/MRK/MRK_009_Verse_038.mp3,"Petro gblɔ na Yesu be, “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Mína míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_006.mp3,"Egblɔ na wo be, “Ne míeɖo afi ma la, woalé Amegbetɔ Vi la akplɔ ayi na nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo. Ame siawo atso kufia nɛ, akplɔe ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o la be woawu." data/train/MRK/MRK_010_Verse_037.mp3,"Woɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, míate ŋui.” Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu ano nu tso kplu veve si me mele nu no ge le la me, eye miate ŋu axɔ tsideta veve si xɔ ge mala," data/train/MRK/MRK_016_Verse_008.mp3,"Esi wova kpɔe dze sii mlɔeba be Yesue la, wotrɔ yi ɖagblɔe na wo tɔwo gake womexɔe se o." data/train/MRK/MRK_006_Verse_016.mp3,"Ewɔ nuku na Yesu ŋutɔ be wo detɔwo mexɔ edzi se o, ale wòdzo ɖatsa le kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo." data/train/MRK/MRK_008_Verse_032.mp3,"Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Galilea heyi Kaisarea Filipi kɔƒewo me. Esi wozɔ yina la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Ame ka amewo bu be menye? Aleke wole gbɔgblɔm tso ŋunye?”" data/train/MRK/MRK_003_Verse_032.mp3,"Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Dzɔ wò asi.” Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo." data/train/MRK/MRK_012_Verse_030.mp3,"“Nufiala, ele Mose ƒe sewo me be ne ŋutsu aɖe ku vimadzimadzii la, nɔvia ŋutsu naɖe eƒe ahosi la, adzi viwo ɖe foa si ku la ƒe ŋkɔ me." data/train/MRK/MRK_006_Verse_011.mp3,"elabena Herod tsɔ bubu geɖe na Yohanes le eƒe ame ɖɔʋu kple ame kɔkɔenyenye ta, eya ta etsɔe de eya ŋutɔ ƒe dzikpɔkpɔ te. Nenye be Herod kple Yohanes wole dze ɖom la, nya siwo Yohanes gblɔna la ɖea fu na Herod ƒe susu ŋutɔ, gake zi geɖe la, edina kokoko be yeaɖo dze kplii." data/train/MRK/MRK_007_Verse_031.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Le nya sia ta la, heyi, gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le viwò nyɔnuvi la me.”" data/train/MRK/MRK_015_Verse_021.mp3,"Le afi sia la, wotsɔ gbe siwo vena la tsaka wain tsitsi aɖe hekpe nɛ, gake menoe o." data/train/MRK/MRK_005_Verse_005.mp3,Azɔ gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo ɖo ɖe du didi aɖeke me o. data/train/MRK/MRK_014_Verse_042.mp3,"“Míese wògblɔ be, ‘Magbã gbedoxɔ sia, si amegbetɔwo tu la eye matu bubu si manye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ o la le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_007.mp3,"Azɔ la, ezɔ yi ŋgɔ vie ɖatsyɔ mo anyi eye wòdo gbe ɖa bia be ne ele bɔbɔe la, gaƒoƒo la nato ye ŋu ayi." data/train/MRK/MRK_013_Verse_010.mp3,elabena ŋkeke mawo anye ŋkeke siwo ƒomevi meva kpɔ tso keke ɣeyiɣi si me Mawu wɔ xexea me va se ɖe fifia o. Eye ŋkeke siawo ƒomevi hã mava ɣe aɖeke ɣi le esia megbe o. data/train/MRK/MRK_016_Verse_000.mp3,"Ame siwo axɔ nyanyui la, eye woade mawutsi ta na wo la akpɔ ɖeɖe, ke ame siwo asẽ to, agbe nyanyui la xɔxɔ la, woabu fɔ wo." data/train/MRK/MRK_012_Verse_028.mp3,"Ne mieƒo nu tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, miɖo ŋku nu si miexlẽ le Mose ƒe Agbalẽ me tso ale si Mose kpɔ ŋuve bibi la dzi. Mawu gblɔ na Mose le afi ma be, ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’" data/train/MRK/MRK_010_Verse_032.mp3,"Nya siawo wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Yesu gagblɔ be, “Vinyewo, asesẽ na ame siwo ɖoa ŋu ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu be woayi ɖe mawufiaɖuƒe la me!" data/train/MRK/MRK_013_Verse_030.mp3,"“Nye vava zi evelia anɔ abe ame aɖe si yi nugbe le anyigba didi aɖe dzi ene. Hafi wòadzo le aƒe ayi la, ede dɔ asi na eƒe dɔwɔla ɖe sia ɖe eye wògblɔ na eƒe agbonudzɔla be wòanɔ ŋudzɔ na yeƒe tɔtrɔ gbɔ.”" data/train/MRK/MRK_011_Verse_032.mp3,"Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa? Miɖo eŋu nam!”" data/train/MRK/MRK_015_Verse_023.mp3,Le esime wònya nyuie be ŋuʋaʋã ta koe nunɔlagãwo tsɔ Yesu de asi nɛ ɖo. data/train/MRK/MRK_003_Verse_008.mp3,"Esi eƒe ƒometɔwo se nya sia la, wova be yewoakplɔe ayi yewo gbɔe, elabena wobu be eƒe tagbɔe da." data/train/MRK/MRK_013_Verse_001.mp3,"Ale be ne eva kpata la, makpɔ mi mianɔ alɔ̃ dɔm o." data/train/MRK/MRK_005_Verse_041.mp3,"Yesu tso kpla dze eyome, eye ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo." data/train/MRK/MRK_008_Verse_026.mp3,"Nusrɔ̃lawo bia wo nɔewo be, “Nya sia gɔme ɖe?” Mlɔeba la, eva dze na wo abe nuɖuɖu si woŋlɔ be la ŋuti Yesu nɔ nu ƒom le ene." data/train/MRK/MRK_012_Verse_031.mp3,"Se eveliae nye, ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃a ɖokuiwòe ene.’ Le nyateƒe me la, Se bubu aɖeke megali si le vevie wu esiawo o.”" data/train/MRK/MRK_004_Verse_034.mp3,"Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?”" data/train/MRK/MRK_013_Verse_011.mp3,"Esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ go dom tso gbedoxɔ la me la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be, “Nufiala, kpɔ ale si xɔ siawo nya kpɔe la ɖa. Kpɔ ale si wotsɔ kpe gã vovovowo ɖo gliawoe la ɖa.”" data/train/MRK/MRK_004_Verse_035.mp3,"Yesu blu ɖe ya la ta enumake, eye wòɖe gbe na ƒu la hã be, “Zi ɖoɖoe!” Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ƒu la zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ." data/train/MRK/MRK_013_Verse_021.mp3,"Mido gbe ɖa vevie be miaƒe sisiɣi meganye vuvɔŋɔli me o," data/train/MRK/MRK_004_Verse_012.mp3,"gake abe nuku siwo miena ɖe anyigba ma ƒomevi dzi ene la, woƒe kewo medea to o, eye togbɔ be wotsina vlɔvlɔvlɔ hã la, ne yometiti va ko la, wogbɔdzɔna." data/train/MRK/MRK_006_Verse_046.mp3,"Nyɔnuvi la gaɖe abla va fia la gbɔ va gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim fifi laa, nenɔ agba me woatsɔ vɛ nam.”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_018.mp3,"Esi wògatrɔ va la, ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko, elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo. Womenya nya si woagblɔ nɛ esi wòva kpɔ wo o." data/train/MRK/MRK_015_Verse_038.mp3,"Pilato mexɔe se be Yesu ku le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe o, eyɔ Romasrafowo ƒe amegã si ƒe dzikpɔkpɔ te nyawo nɔ la, eye wòbiae be Yesu ku vavã hã?" data/train/MRK/MRK_005_Verse_019.mp3,"Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Esi ame gbogbo siawo ƒo zi ɖe ŋuwò ɖe, aleke wɔ nègale biabiam be ame kae ka asi ŋuwò?”" data/train/MRK/MRK_006_Verse_013.mp3,"elabena Yohanes gblɔ na Herod be, “Se meɖe mɔ be nàxɔ nɔviwò srɔ̃ aɖe o.”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_066.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Petro, nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ zi eve etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”" data/train/MRK/MRK_016_Verse_020.mp3,"Woge ɖe yɔdo la me eye wokpɔ ɖekakpui aɖe wònɔ awu ɣi tititi me, nɔ anyi ɖe yɔdo la ƒe ɖusime. Le nyateƒe me la, vɔvɔ̃ ɖo nyɔnuawo ale gbegbe be dzidzi ƒo wo." data/train/MRK/MRK_005_Verse_035.mp3,"Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eye wòɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnyee nye Legio, elabena míesɔ gbɔ ɖe ame sia me.”" data/train/MRK/MRK_005_Verse_022.mp3,"Gbɔgbɔ vɔ̃awo gblɔ na Yesu be, “Míeɖe kuku, nya mí ɖo ɖe ha mawo me.”" data/train/MRK/MRK_012_Verse_018.mp3,"Eteƒe medidi o la, Zadukitɔwo hã va do. Ame siawo nye habɔbɔ aɖe, siwo mexɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi se o. Wobia Yesu be," data/train/MRK/MRK_014_Verse_055.mp3,"Petro ta nu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemenya ame si ŋuti miele nu ƒom le la gɔ̃ hã o.”" data/train/MRK/MRK_005_Verse_013.mp3,"Esi wòva ɖo ƒuƒoƒemegã ƒe agbonu la, Yesu kpɔ be zitɔtɔ gã aɖe nɔ teƒe la, elabena amewo nɔ avi fam henɔ ɣli dom hoo." data/train/MRK/MRK_004_Verse_031.mp3,"Nuku siwo wòwu la ƒe ɖewo ge ɖe mɔto, eye xeviwo va fɔ wo mi." data/train/MRK/MRK_010_Verse_010.mp3,"Esi wòdzo yina la, Yesu kpɔ eyome dũu eye wòtrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ hafi woage ɖe mawufiaɖuƒe la me!”" data/train/MRK/MRK_005_Verse_008.mp3,"Ege ɖe aƒea me, eye wòƒo nu na ameawo gblɔ be, “Nu ka ƒe avifafa kple hoowɔwɔe nye esia? Ɖevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ wòdɔ!”" data/train/MRK/MRK_008_Verse_029.mp3,"“Viɖe ka wòanye na ame be xexea me katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe agbe to xexemenuwo didi me?" data/train/MRK/MRK_001_Verse_028.mp3,"Nuwɔna sia wɔ nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔ, eye woƒo nu le eŋu. Wobia wo nɔewo bena, nufiafia yeye kae nye esia? Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ vɔ̃wo eye woɖoa toe." data/train/MRK/MRK_015_Verse_011.mp3,"Azɔ Pilato vɔ̃ be ameha la ava wɔ ʋunyaʋunya eye be wòadze wo ŋu ta la, eɖe asi le Barabas ŋu na wo. Ke eɖe gbe be woaƒo Yesu kple atam. Le esia megbe la, ekplɔe de asi na ameawo be woaɖaklãe ɖe ati ŋu le woƒe didi nu." data/train/MRK/MRK_003_Verse_033.mp3,"Yesu vɔ̃ be ameawo ava mimi ye ɖo, eya ta ebia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woadi ʋu sue aɖe ada ɖi, ale be ne ameawo mimi ye ɖo fũu akpa la, yeage ɖe eme ado le wo dome," data/train/MRK/MRK_006_Verse_052.mp3,Yesu gblɔ na wo be woana ameawo nanɔ anyi ɖe ƒuƒoƒowo me le gbe dama la dzi. data/train/MRK/MRK_008_Verse_022.mp3,"“Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ (5,000) oa? Nuɖuɖu wuwlui kusi neni miefɔ emegbe?” Woɖo eŋu nɛ be “Wuieve sɔŋ.”" data/train/MRK/MRK_008_Verse_007.mp3,"Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒu be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la, ele be wòaɖe asi le nu siwo katã doa dzidzɔ nɛ la ŋu, wòakɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo." data/train/MRK/MRK_009_Verse_015.mp3,"Azɔ Eliya kple Mose wova do ɖe Yesu gbɔ, wode asi dzeɖoɖo me kplii." data/train/MRK/MRK_007_Verse_022.mp3,"Ne wotso asi me gbɔ la, ele be woawɔ kɔnu sia godoo hafi ade asi nuɖuɖu ŋu. Esia nye se siwo dzi wowɔna pɛpɛpɛ ƒe alafa nanewo la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Kɔnu bubu si me wogalé ɖe asi lae nye nuɖazewo, ganuwo kple gagbawo kɔklɔ.)" data/train/MRK/MRK_015_Verse_039.mp3,"“Wò Kristo la! Wò Israel ƒe Fia! Ɖi le atitsoga la ŋu, ekema mí katã míaxɔ dziwò ase!” Adzodala eve siwo woklã ɖe atitsogawo ŋu kpli gɔ̃ hã dzui." data/train/MRK/MRK_016_Verse_003.mp3,Dzesi siawo akplɔ ame siwo axɔe se la ɖo: le nye ŋkɔ me woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe. Woaƒo nu kple aɖe yeyewo. data/train/MRK/MRK_011_Verse_013.mp3,"Esia ta wogblɔ nɛ be, “Míenya o.” Yesu hã gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo wɔm la na mi o.”" data/train/MRK/MRK_009_Verse_033.mp3,"Ne wò asi nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe mawufiaɖuƒe la me kple asikpo wu be asi eve nanɔ ŋuwò nàyi dzomavɔʋe me, afi si dzo metsina le o." data/train/MRK/MRK_002_Verse_001.mp3,"Be miadze sii be wona ŋusẽ Amegbetɔ Vi la be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Egblɔ na lãmetututɔ la be," data/train/MRK/MRK_015_Verse_019.mp3,"Gamenɔla siawo dometɔ ɖekae nye Barabas, ame si kple ame bubuwo wu amewo le hoowɔwɔ gã aɖe si wowɔ va yi la me." data/train/MRK/MRK_013_Verse_006.mp3,“Baba na nyɔnu siwo fɔ fu le ŋkeke mawo me kple nyɔnu siwo si vi nonowo le. data/train/MRK/MRK_008_Verse_021.mp3,"Miaƒe ŋkuwo la, nu wobe miakpɔ kpli wo, ke nu ka ta miekpɔa nu o? Nu ka ta miate ŋu aʋu miaƒe towo ase nu o ɖo? Mieɖo ŋku naneke dzi kura oa?" data/train/MRK/MRK_010_Verse_031.mp3,"Nya siawo gawɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Ale wobiae be, “Ame kae akpɔ ɖeɖe?”" data/train/MRK/MRK_006_Verse_000.mp3,"Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha gã aɖe gava kpe Yesu le afi sia. Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena wole abe alẽha si kplɔla meli na o la ene. Efia nu geɖe siwo wòle be woanya la wo." data/train/MRK/MRK_005_Verse_000.mp3,"ale amewo gava fũu, eye woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewoƒe nuto la me ne yewoakpɔ vovo." data/train/MRK/MRK_010_Verse_048.mp3,"Yesu trɔ bia wo be, “Aleke Mose gblɔ tso srɔ̃gbegbe ŋuti?”" data/train/MRK/MRK_005_Verse_003.mp3,"Ame siwo va kpɔ nu si dzɔ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ la kple haawo dzi la hã yi ɖagblɔe na ame bubuwo," data/train/MRK/MRK_007_Verse_027.mp3,"Yesu bia wo be, “Ekema miawo hã miese nya siawo gɔme oa? Miate ŋu ade dzesii be nu siwo mieɖuna la megblẽa nu le mia ŋu o?" data/train/MRK/MRK_010_Verse_009.mp3,"Esi wodze mɔ yina Yerusalem la, Yesu do ŋgɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃lawo ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ ɖo ame siwo hã nɔ eyome. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe kpɔe, eye wògagblɔ nu siwo katã ava dzɔ ɖe edzi ne woɖo Yerusalem la na wo:" data/train/MRK/MRK_014_Verse_025.mp3,"Gake ne mefɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea, afi si mado go mi le.”" data/train/MRK/MRK_007_Verse_020.mp3,"Naneke meli si tsoa gota gena ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖi amea o, ke boŋ nu siwo doa go tso amea me la, woawoe nye nu siwo ƒoa ɖii." data/train/MRK/MRK_014_Verse_040.mp3,"Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, nyemagano naneke tso wain ƒe kutsetse me o, va se ɖe gbe ma gbe, esime manoe yeyee le mawufiaɖuƒe la me.”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_060.mp3,Woate ŋu adzrae wòaxɔ asi wu klosaloga alafa etɔ̃ eye woatsɔ ga la ama na ame dahewo.” Ale woka mo na nyɔnu la vevie. data/train/MRK/MRK_014_Verse_021.mp3,"Esime wonɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu nɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Vavã mele egblɔm na mi be mia dometɔ ɖeka si le nu ɖum kplim fifia la adem asi.”" data/train/MRK/MRK_001_Verse_044.mp3,"Ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la hã nɔ ƒuƒoƒe la gbe ma gbe. Ame sia de asi ɣlidodo me be," data/train/MRK/MRK_002_Verse_024.mp3,"Yesu nya nu si bum ameawo nɔ, eya ta egblɔ na wo enumake be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea?" data/train/MRK/MRK_010_Verse_015.mp3,"eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka. Eya ta womeganye ame eve o, ke boŋ wozu ɖeka." data/train/MRK/MRK_004_Verse_000.mp3,Agbledela si ŋu meƒo nu tsoe lae nye ame si gblɔa mawunya na amewo. data/train/MRK/MRK_015_Verse_037.mp3,"Pilato gabiae be, “Nu ka ta mèdi be yeaɖo nya aɖeke ŋu o? Nya gbogbo siwo katã wotsɔ ɖe ŋuwò la nye nyateƒea?”" data/train/MRK/MRK_013_Verse_004.mp3,Ame si le eƒe xɔta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke o. data/train/MRK/MRK_016_Verse_004.mp3,"Egblɔ na wo be yekpɔ Yesu wòle agbe, gake nusrɔ̃lawo mexɔ nya sia dzi se o." data/train/MRK/MRK_014_Verse_059.mp3,"Wo katã woxa nu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe bia Yesu ɖekaɖekae be, “Nyee nye ame si ade wò asia?”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_013.mp3,"Egblɔ na wo be, “Esiae nye nye ʋu, si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Esi wokɔ ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta." data/train/MRK/MRK_013_Verse_002.mp3,"Ame geɖewo ava agblɔ na mi be yewoe nye Kristo la, eye woakplɔ ame geɖewo atra mɔe." data/train/MRK/MRK_005_Verse_004.mp3,"Ameawo koe ʋuu le nya si wògblɔ la ta. Ke Yesu nya wo do goe le aƒea me. Azɔ ekplɔ ɖevi la fofo, dadaa kple nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖe asi, eye woge ɖe xɔ si me wotsɔ ɖevi la mlɔ la me." data/train/MRK/MRK_012_Verse_005.mp3,"Ale nɔviŋutsu adreawo ku vi aɖeke madzimadzi, eye nyɔnu la hã va ku." data/train/MRK/MRK_002_Verse_007.mp3,"Gake ŋkeke aɖe li gbɔna, esi wole ŋugbetɔsrɔ̃ la kplɔ ge le wo gbɔ, ale woatsi nu adɔ." data/train/MRK/MRK_012_Verse_024.mp3,"Le nuŋeɣi la, agbletɔ la dɔ eƒe subɔla ɖeka ɖa be wòaxɔ agblemenuku la ƒe akpa si nye ye tɔ gome la vɛ na ye," data/train/MRK/MRK_016_Verse_005.mp3,"Emegbe la, Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃la wuiɖekɛawo esime wonɔ teƒe ɖeka nɔ nu ɖum. Ehe nya ɖe wo ŋu vevie le woƒe dzimaxɔse kple tosesẽ ta, elabena wogbe be yewomaxɔ ame siwo kpɔe le eƒe tsitretsitsi megbe la ƒe nya dzi ase o." data/train/MRK/MRK_009_Verse_023.mp3,"eye eƒe awu si wòdo la trɔ fu tititi. Awu la fu ale gbegbe be, naneke mele xexea me ate ŋu awɔe wòafu nenema o." data/train/MRK/MRK_010_Verse_046.mp3,"Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ na wo be, “Esia sesẽ na amegbetɔwo, gake ele bɔbɔe na Mawu ya, elabena naneke mesesẽ na Mawu o.”" data/train/MRK/MRK_002_Verse_023.mp3,"Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu ayɔ dɔ wo nɔvi la, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò!”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_037.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu le Betania, le Simɔn ame si lé kpodɔ kpɔ la ƒe aƒe me. Esi wonɔ fiẽnu ɖum la, nyɔnu aɖe tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe, si le goe nyui aɖe me la vɛ. Eʋu nu le amiʋeʋĩ la nu, eye wòtrɔ wo katã kɔ ɖe Yesu ƒe tame." data/train/MRK/MRK_005_Verse_009.mp3,"elabena exɔe se, eye wògblɔ le eɖokui me be, “Nenye be mete ŋu ka asi eƒe awu ŋu teti ko la, nye lãme asẽ.”" data/train/MRK/MRK_013_Verse_019.mp3,"“Le ɣe ma ɣi me la, amewo akpɔ Amegbetɔ Vi la wòava le lilikpowo me kple ŋusẽ gã kple ŋutikɔkɔe." data/train/MRK/MRK_014_Verse_004.mp3,Ameha la dze Yesu dzi helée sesĩe. data/train/MRK/MRK_005_Verse_036.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyenyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò, heyi le ŋutifafa me, wò dɔléle la vɔ keŋkeŋ.”" data/train/MRK/MRK_004_Verse_040.mp3,"Ŋunyigba si dzi nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo sea nyanyui la, woxɔnɛ ɖe woƒe dziwo me," data/train/MRK/MRK_014_Verse_022.mp3,"Etrɔ gbɔ va wo gbɔ zi etɔ̃lia eye wògblɔ na wo be, “Miegale alɔ̃dɔdɔ dzi le ɖiɖim ɖe emea? Esɔ gbɔ azɔ! Gaƒoƒo la de. Kpɔ ɖa, wode Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo." data/train/MRK/MRK_013_Verse_025.mp3,"“Nenye be ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Kristo lae nye esi alo eyae nye ekemɛ la,’ migake nu dee o" data/train/MRK/MRK_006_Verse_003.mp3,"Ale wodzo le teƒe sia kple ʋu heyi teƒe aɖe si zi ɖoɖoe wu," data/train/MRK/MRK_008_Verse_001.mp3,"“Ame siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ, elabena ŋkeke etɔ̃e nye esi wole afi sia, naneke mele wo si woaɖu o." data/train/MRK/MRK_006_Verse_020.mp3,"eye esi nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kple tɔmelã kakɛ siwo susɔ la, woyɔ kusi wuieve." data/train/MRK/MRK_006_Verse_053.mp3,"Yesu se nya siawo keŋ, eye wòɖo aɖaŋu na wo be, “Mina míadzo le amehawo dome vie aɖadi teƒe aɖe anɔ adzudzɔ sẽe.” Elabena ame geɖewo ŋutɔ nɔ wo gbɔ vam henɔ dzodzom, ale be ɣeyiɣi meli woaɖu nu o." data/train/MRK/MRK_010_Verse_016.mp3,"Eɖe eƒe awu ƒu gbe, eye wòɖe abla dzidzɔtɔe va do ɖe Yesu gbɔ." data/train/MRK/MRK_012_Verse_019.mp3,"Eya ta lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ katã.’" data/train/MRK/MRK_013_Verse_024.mp3,"Ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋaɣliwo la, ŋɔ megadzi mi o. Ele be nu siawo tɔgbi nava eme, gake nuwuwu la meɖo haɖe o." data/train/MRK/MRK_010_Verse_039.mp3,"Yesu biae be, “Nu ka nèdi be mawɔ na ye?” Ŋkuagbãtɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Nufiala, medi be makpɔ nu.”" data/train/MRK/MRK_013_Verse_031.mp3,"Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge, va se ɖe esime nu siawo katã nava eme o." data/train/MRK/MRK_014_Verse_041.mp3,Menɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu gbe sia gbe nɔ nu fiam. Ke esia va eme be woawu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la nu.” data/train/MRK/MRK_003_Verse_035.mp3,"Yesu yɔ ɖeklemiɖela siawo, hedo lo sia na wo be, “Aleke Satana agate ŋu atsi tsitre ɖe Satana ŋuti?" data/train/MRK/MRK_014_Verse_012.mp3,"Egblɔ na nusrɔ̃la etɔ̃awo be, “Nuxaxa te ɖe nye luʋɔ dzi ale gbegbe be ɖeko wòwɔ abe ɖe mele kukum ene. Minɔ afi sia mianɔ ŋudzɔ kplim.”" data/train/MRK/MRK_007_Verse_012.mp3,"Enumake ame la ƒe towo ʋu, eye wòde asi nusese kple nuƒoƒo me nyuie." data/train/MRK/MRK_011_Verse_026.mp3,"Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’" data/train/MRK/MRK_014_Verse_068.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mi ame wuieve siwo ƒe asi le agba me le nu ɖum kplim fifia la dometɔ ɖekae le nu sia wɔ ge." data/train/MRK/MRK_002_Verse_016.mp3,Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la yɔ fũu kple amewo o. Aƒea me yɔ ale gbegbe be nɔƒe aɖeke meganɔ ʋɔtrua nu hã o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la. data/train/MRK/MRK_003_Verse_019.mp3,"ke ame sia ame si agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o. Ame sia wɔ nu vɔ̃ mavɔ.”" data/train/MRK/MRK_006_Verse_056.mp3,"Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒu la dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene," data/train/MRK/MRK_009_Verse_048.mp3,"Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam.”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_049.mp3,"Yesu ɖo eŋu be, “Miaƒe dzimesesẽ tae Mose de se sia na mi ɖo." data/train/MRK/MRK_001_Verse_004.mp3,"Ame siwo nɔ ƒuƒoƒea la ƒe mo wɔ yaa le Yesu ƒe nufiafia ŋuti, elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ." data/train/MRK/MRK_014_Verse_051.mp3,"Petro gasẽ nu be yemenya Yesu o! Ke ame siwo tsi tsitre ɖe dzoa gbɔ la hã de asi gbɔgblɔ me na Petro be, “Vavã, wò hã wo dometɔ ɖekae nènye elabena Galilea nètso!”" data/train/MRK/MRK_004_Verse_030.mp3,"Nuku bubuwo ge ɖe ŋuwo me, eye esi wonɔ tsitsim la, ŋuawo vu tsyɔ wo dzi ale be womete ŋu tse ku aɖeke o." data/train/MRK/MRK_006_Verse_010.mp3,"Eka atam nɛ be, “Nu sia nu si nàbia la, matsɔe na wò; nenye nye fiaɖuƒe la ƒe afã nèbia hã la, mana wò.”" data/train/MRK/MRK_011_Verse_014.mp3,"Eya ta mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabia to gbedodoɖa me la, mixɔe se be miaxɔe, eye wòaka mia si hã." data/train/MRK/MRK_013_Verse_034.mp3,"Yesu yi edzi be, “Miawo minɔ ŋudzɔ vevie, elabena woahe mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo. Woahe mi ayi dukplɔlawo kple fiawo gbɔe le nye ŋkɔ la ta, be miegblɔ nyanyui la na wo." data/train/MRK/MRK_012_Verse_003.mp3,"Ahosi dahe aɖe hã va, eye wòda pesewa eve ɖe nudzɔɖaka la me." data/train/MRK/MRK_011_Verse_001.mp3,"Ale wòge ɖe Yerusalem dua me, eye woyi gbedoxɔ la me. Etsa ŋku godoo le teƒea, lé ŋku ɖe nu sia nu ŋu tsitotsito, eye wòtrɔ dzo yi Betania kple nusrɔ̃la wuieveawo elabena zã nɔ dodom." data/train/MRK/MRK_009_Verse_042.mp3,"Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.”" data/train/MRK/MRK_013_Verse_029.mp3,"Nu si megblɔ na mi la, eya ke mele gbɔgblɔm na ame sia ame be, “Minɔ ŋudzɔ!”" data/train/MRK/MRK_011_Verse_010.mp3,"Esi wova ɖo Yerusalem la, egayi gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu, eye wòde asi nudzralawo kple nuƒlelawo nyanya do goe me. Emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, ekaka akpakpadzralawo ƒe zikpuiwo," data/train/MRK/MRK_015_Verse_012.mp3,"Azɔ wode asi fewuɖuɖu le eŋu me. Wodo gbe nɛ gblɔ be, “Yudatɔwo ƒe fia nenɔ agbe tegbee!”" data/train/MRK/MRK_016_Verse_017.mp3,"Nusrɔ̃lawo ɖo gbe henɔ mawunya gblɔm na amewo tso teƒe yi teƒe, Aƒetɔ la nɔ kpli wo eye wòɖo kpe eƒe nya la dzi to dzesi siwo kplɔ eƒe nyawo ɖo la me." data/train/MRK/MRK_006_Verse_008.mp3,"Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ la kple tɔmelã meme eve la, eye wòwu mo dzi, heda akpe ɖe wo ta. Eŋe aboloawo me, eye wòtsɔ wo kple tɔmelãwo na nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòaɖo ameawo ƒe akɔme." data/train/MRK/MRK_010_Verse_017.mp3,"Farisitɔ aɖewo va egbɔ le afi sia be yewoadoe kpɔ ne yewoalée le nya aɖe me. Wobiae be, “Woɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a?”" data/train/MRK/MRK_004_Verse_011.mp3,"Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me, eye wodze mɔ, hegble ameha la ɖe ƒua ta, ke ʋu bubuwo hã dze wo yome." data/train/MRK/MRK_005_Verse_014.mp3,"Esi Yesu do go tso ʋua me la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la do go tso yɔdoawo me va kpee." data/train/MRK/MRK_001_Verse_025.mp3,"Le Yesu ƒe gbeɖeɖea nu la, gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, tsɔ amea xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye wòdo go le eme." data/train/MRK/MRK_015_Verse_022.mp3,"Le esia ta wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖaku wain tsitsi eye wòkɔe ɖe ƒumekutsa me, tɔe ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu na Yesu be wòano hegblɔ kpe ɖe eŋu be, “Miɖe asi le eŋu azɔ ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”" data/train/MRK/MRK_015_Verse_034.mp3,"Pilato bia wo be, “Esi miebe maɖe asi le Barabas ŋu ɖe, nu ka miebe mawɔ kple ame si mieyɔna be Yudatɔwo ƒe Fia?”" data/train/MRK/MRK_007_Verse_028.mp3,"Yesu de se na ameha la be womegana amewo nanya nu si yewɔ la o. Ke zi ale si wòde se sia na wo la, nenema kee wokakaa nya la." data/train/MRK/MRK_014_Verse_053.mp3,"Petro gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame gblẽ wò ɖi hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi gbeɖe o!”" data/train/MRK/MRK_008_Verse_014.mp3,"Ke ebia woawo ŋutɔ be, “Ame ka miawo ya miebu be menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo la!”" data/train/MRK/MRK_011_Verse_022.mp3,"Ne ame aɖe bia mi be nu ka ta miele ka ɖemee hã la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le ehiãm, eye aɖoe ɖa enumake.’ ”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_043.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, ava eme na wò. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.” Ŋkunɔ la ƒe ŋkuwo ʋu enumake, eye wòde asi nukpɔkpɔ me. Ale wòdze Yesu yome kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe." data/train/MRK/MRK_014_Verse_048.mp3,"Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe, eye yewoatso kufia nɛ, gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o." data/train/MRK/MRK_015_Verse_001.mp3,"Ale wowu ale si mawunya gblɔ da ɖi la nu be, “Wobui ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome.”" data/train/MRK/MRK_004_Verse_017.mp3,"ke le ŋkeke aɖewo megbe la, nuku la ŋutɔ tsi le eɖokui si, eye agbledela la mewɔ dɔ aɖeke o, elabena anyigba la ŋutɔ nyo xoxo." data/train/MRK/MRK_008_Verse_011.mp3,"Esi wonɔ ƒua dzi yina la, Yesu xlɔ̃ nu wo be, “Mikpɔ nyuie le Herod kple Farisitɔwo ƒe amɔʋãnu la ŋu.”" data/train/MRK/MRK_006_Verse_044.mp3,Nusrɔ̃lawo dze mɔ henɔ nu xlɔ̃m ame sia ame si wodo goe le mɔa dzi la be wòatrɔ dzime. data/train/MRK/MRK_010_Verse_013.mp3,"Esia ta nu si ke Mawu bla la, ame aɖeke megama eme o.”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_008.mp3,"Esi Bartimeo se be Yesu Nazaretitɔ la va yina la, edo ɣli sesĩe be, “Yesu David ƒe Vi, kpɔ nublanui nam!”" data/train/MRK/MRK_007_Verse_026.mp3,"Woƒe subɔsubɔ nye dzodzro, elabena woƒe nufiafiawo nye amewo ƒe sededewo ko.’" data/train/MRK/MRK_012_Verse_001.mp3,"Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si nɔ tsitre ɖe afi ma, nɔ to ɖom nya si ʋlim wonɔ la do dzesii be, Yesu ɖo nya la ŋu nyuie, eya ta ebiae be, “Se kae nye vevitɔ wu le seawo katã dome?”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_011.mp3,"Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzra ɖo vɔ be yewoayi teƒe aɖe la, ɖekakpui aɖe ƒu du va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòbiae be, “Nufiala nyui, nu ka tututu wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?”" data/train/MRK/MRK_015_Verse_005.mp3,"Amewo tsɔ ameƒoti ƒo tame nɛ. Ɖewo ɖe ta ɖe mo nɛ, eye ɖewo bua dze klo be yewole esubɔm." data/train/MRK/MRK_002_Verse_000.mp3,"Agbalẽfiala siwo tso Farisitɔwo dome la kpɔ Yesu wònɔ nu ɖum kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ale wobia eƒe nusrɔ̃lawo fewuɖutɔe be, “Nu ka ta miaƒe Aƒetɔ le nu ɖum kple nu vɔ̃ wɔla kple dugadzɔla siawo ɖo?”" data/train/MRK/MRK_008_Verse_009.mp3,"Azɔ Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Etsɔ abolo adreawo, da akpe na Mawu ɖe wo ta, ŋe wo me kakɛkakɛ hetsɔ wo na nusrɔ̃lawo, eye wotsɔ wo ɖo ameawo ƒe akɔme." data/train/MRK/MRK_008_Verse_017.mp3,"Lã meme ʋe aɖewo hã nɔ wo si, eye Yesu da akpe ɖe woawo hã ta, eye wòna be nusrɔ̃lawo ma wo na ameawo." data/train/MRK/MRK_008_Verse_027.mp3,"Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le na ameha gã sia le gbedzi afi sia?”" data/train/MRK/MRK_008_Verse_037.mp3,"Yesu ɖe hũu le eƒe gbɔgbɔ la me hegblɔ na wo be, “Nyemawɔ naneke o. Vavã mele egblɔm na mi bena womele dzesi ɖeka na ge dzidzime sia o.”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_011.mp3,"Egblɔ be, “Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na wò. Na kplu sia nato nunye ayi, ke menye nu si nye ŋutɔ medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_040.mp3,"Yesu biae be, “Nu ka ta nèyɔm be ame nyui ɖo? Ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko." data/train/MRK/MRK_008_Verse_036.mp3,"Yesu ƒo nu na wo faa le nya siawo ŋu, meɣla naneke ɖe wo o, eya ta Petro yɔe ɖe kpɔe heka mo nɛ be, “Mele be nànɔ nya sia ƒomevi gblɔm o.”" data/train/MRK/MRK_006_Verse_028.mp3,"Ke esi wodo go le eme la, ame siwo nɔ afi ma la kpɔ Yesu dze sii enumake," data/train/MRK/MRK_010_Verse_024.mp3,"Le esia ta Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔe hegblɔ na wo be, “Abe ale si mienya ene la, dukɔwo ƒe kplɔlawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woƒe amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi," data/train/MRK/MRK_016_Verse_007.mp3,"Esi wole mɔa dzi yina la, wobia wo nɔewo be, “Ame kae amli kpe gã si le yɔdo la nu la ɖa na mí?”" data/train/MRK/MRK_015_Verse_047.mp3,ɖe ɖokuiwò le atitsoga la ŋue!” data/train/MRK/MRK_011_Verse_024.mp3,"Nyateƒenya wònye be ne ame aɖe agblɔ na to sia be, ‘Yi, nàtsɔ ɖokuiwò ƒu gbe ɖe atsiaƒu me’ eye ɖikeke mele eƒe dzi me o la, ava eme nɛ." data/train/MRK/MRK_006_Verse_015.mp3,"Eva dzɔ be Herod ƒe vinyɔnu va ɖu ɣe na ame kpekpeawo. Eƒe ɣeɖuɖu do dzidzɔ na ame sia ame ŋutɔ. Le esia ta fia la gblɔ na nyɔnuvi la be, “Bia nu sia nu si nèdi tso asinye la, mana wò.”" data/train/MRK/MRK_015_Verse_009.mp3,Azɔ amewo ƒo ƒu eye wobia tso Pilato si be wòaɖe asi le gamenɔlawo dometɔ ɖeka ŋu na yewo abe ale si wòwɔna ɖaa ene. data/train/MRK/MRK_009_Verse_049.mp3,"Yesu wu eƒe nuƒo la nu be, “Dze nye nu vevi aɖe, gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o; meganyo na naneke o, migabu vivi si le mia me la o! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”" data/train/MRK/MRK_015_Verse_013.mp3,"Esi ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma se esia la, wogblɔ be, “Kpɔ ɖa, ele Eliya yɔm.”" data/train/MRK/MRK_009_Verse_025.mp3,"Fofoa ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_036.mp3,"Woɖo eŋu nɛ be, “Míedi be míanɔ wò nuɖusime kple wò miame le wò fiaɖuƒe la me. Ame ɖeka nanɔ wò ɖusime eye ame evelia nanɔ wò miame.”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_018.mp3,"gake meganɔ nenema le miawo ya dome o. Ame si di be yeanye amegã le mia dome la, ele nɛ be wòanye mi katã ƒe subɔla," data/train/MRK/MRK_011_Verse_028.mp3,Wogblɔ nya siwo Yesu be woagblɔ la na wo. data/train/MRK/MRK_007_Verse_035.mp3,"Ɖe mieɖoe koŋ le nu gbem le Mawu ƒe sewo gbɔ, eye mietu afɔ wo dzi le miawo ŋutɔ ƒe kɔnyinyiwo ta." data/train/MRK/MRK_012_Verse_004.mp3,"Ale ame si dzɔ ɖe ameyinugbe la yome la ɖe ahosi la. Eya hã ku vimadzii. Nɔvia si kplɔe ɖo la ɖe ahosi la, gake eya hã medzi vi aɖeke kplii hafi ku o." data/train/MRK/MRK_009_Verse_030.mp3,"Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes woyi to kɔkɔ aɖe tame. Ame aɖeke menɔ teƒe sia o. Esi woɖo afi ma teti ko la, Yesu ƒe mo de asi keklẽ me kple ŋutikɔkɔe," data/train/MRK/MRK_007_Verse_030.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Ele be ɖeviwo naɖi ƒo gbã; gawu la, menyo be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu ana avuwo o.”" data/train/MRK/MRK_016_Verse_013.mp3,"Kɔsiɖagbe ƒe ŋdi kanyae Yesu fɔ tso ame kukuwo dome eye ame gbãtɔ si kpɔe lae nye Maria Magdalatɔ, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre do goe le." data/train/MRK/MRK_009_Verse_020.mp3,"Esi Petro nɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ wo dzi, hexe ɣe la ŋkume. Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Esia nye vinye lɔlɔ̃a. Miɖo toe.”" data/train/MRK/MRK_002_Verse_020.mp3,"Sẽe la, ŋutsu ene aɖewo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi gbɔna Yesu gbɔe." data/train/MRK/MRK_016_Verse_002.mp3,Azɔ miyi ɖagblɔ nya sia na Petro kple nusrɔ̃la bubuawo be: ‘Yesu dze mia ŋgɔ yina ɖe Galilea. Miakpɔe le afi ma abe ale si wògblɔe na mi hafi ku ene.’ ” data/train/MRK/MRK_008_Verse_035.mp3,"Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na Petro adãtɔe be, “Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu, ke menye le Mawu tɔ nu o.”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_057.mp3,"Togbɔ be wogblɔ alea hã la, amewo ƒe nutsotsowo gato vovo." data/train/MRK/MRK_015_Verse_008.mp3,Asrafomegã la ɖo kpe edzi na Pilato be eku. Ale Pilato ɖe mɔ na Yosef be wòaxɔ ame kukua aɖaɖi. data/train/MRK/MRK_009_Verse_041.mp3,"Yesu bia ɖevia fofo be, “Tso ɣe ka ɣi ke wòle dɔ sia lém?” Fofoa ɖo eŋu be, “Tso keke eƒe ɖevime ke." data/train/MRK/MRK_016_Verse_019.mp3,"Woalé dawo kple woƒe asiwo, eye ne wono aɖi vɔ̃ɖi hã la, masi wo o. Woada woƒe asiwo ɖe dɔnɔwo dzi eye woƒe lãme asẽ.”" data/train/MRK/MRK_005_Verse_039.mp3,"Yesu se le eɖokui me enumake be dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ aɖe do le ye me, eya ta etrɔ kɔ hebia be, “Ame kae ka asi nye awu ŋu?”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_042.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame siwo katã gblẽ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖi le lɔlɔ̃ si wotsɔ nam ta, eye be yewoakaka mawunya ta la," data/train/MRK/MRK_014_Verse_062.mp3,"Yesu bia elélawo be, “Adzodala vɔ̃ɖi aɖee menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoaléma?" data/train/MRK/MRK_009_Verse_034.mp3,"Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le etome. Enyo na wò be nàyi mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka wu be nàyi dzomavɔʋe la me kple ŋku eve," data/train/MRK/MRK_003_Verse_022.mp3,"Le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ ƒe aƒe me, alɔ eƒe nunɔamesiwo adzoe o, negbe ɖeko wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo." data/train/MRK/MRK_015_Verse_024.mp3,"Le gaƒoƒo sia me tututu la, xɔmetsovɔ, si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la ŋkume le gbedoxɔ la me la ma ɖe eve tso dzi va se ɖe anyime ke." data/train/MRK/MRK_011_Verse_008.mp3,"Esi nunɔlagãwo kple sefialawo se nu si Yesu wɔ la, wode aɖaŋu le ale si woawɔ awui la ŋuti. Ke wonɔ vɔvɔ̃m, elabena ame geɖewo kpɔ dzidzɔ le Yesu ƒe nufiafia ŋuti." data/train/MRK/MRK_009_Verse_040.mp3,"Yesu bia wo be, “Nya ka tututu hem miele?”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_050.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mienya nu si biam miele o. Miate ŋu ano nu tso fukpekpe ƒe kplu veve si no ge mala la me, eye miate ŋu anɔ te ɖe fukpekpe ƒe tsideta si de ge wole ta nam la hã nua?”" data/train/MRK/MRK_009_Verse_012.mp3,"Ame si metsi tsitre ɖe mía ŋu o la, ele míaƒe akpa dzi." data/train/MRK/MRK_006_Verse_034.mp3,"Le esia megbe la, Yesu yi togbɛ aɖe dzi be yeado gbe ɖa." data/train/MRK/MRK_005_Verse_037.mp3,"Yesu lé ɖevi la ƒe alɔnu, eye wòdo ɣli gblɔ nɛ be “Talita kumi!” (si gɔmee nye be, “Nyɔnuvi sue, mele egblɔm na wò be fɔ!”)." data/train/MRK/MRK_006_Verse_050.mp3,"Yesu bia wo be, “Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ ka sinue le mia si? Miyi miakpɔe ɖa.” Woyi gbɔ va gblɔ nɛ be, “Abolo atɔ̃ kple tɔmelã meme eve koe li.”" data/train/MRK/MRK_012_Verse_010.mp3,"Aƒetɔ lae wɔ nu sia, eye wònye nukunu le mía ŋkume.’ ”" data/train/MRK/MRK_006_Verse_005.mp3,"Ame aɖewo hã bu be Yesue nye Eliya, Mawu ƒe Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖeka, si gava dzɔ, eye ɖewo hã bu be Yesue nye Mawu ƒe Gbeƒãɖela yeye si si ŋusẽ le abe esiwo nɔ anyi va yi la ene." data/train/MRK/MRK_007_Verse_006.mp3,"Azɔ Yesu yɔ ameha la be woava ɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Mi katã miɖo to nyuie, ne miase nya siawo gɔme." data/train/MRK/MRK_015_Verse_014.mp3,"Esi Romasrafo si nɔ Yesu ŋu dzɔm kpɔ ale si Yesu kue la, egblɔ kple seselelãme geɖe be, “Ame sia la, Mawu ƒe Vi wònye vavã!”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_034.mp3,"woakpɔ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖe eteƒe zi geɖe kple yometiti le agbe sia me. Gake le agbe si gbɔna me la, woakpɔ agbe mavɔ." data/train/MRK/MRK_008_Verse_028.mp3,"Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo bu be Yohanes Mawutsidetanamelae nènye, eye bubuwo gblɔ be Eliya alo Mawu ƒe Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye gava dzɔ.”" data/train/MRK/MRK_015_Verse_003.mp3,"Ame siwo va nɔ eŋu tom la ɖea alɔme le eŋu, eye woʋuʋua ta hekonɛ. Ɖewo hã doa ɣli gblɔna nɛ fewuɖutɔe be, “Ɛhɛ̃! Kpɔ ale si wòva zu na wò ɖa! Wòe be yeate ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Nenye be ŋusẽ le asiwò nàte ŋu awɔ nukunu gã siawo la," data/train/MRK/MRK_012_Verse_037.mp3,"Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔe, eye wògblɔ na wo be, “Enye nyateƒe be ahosi dahe sia ƒe nu si wòda ɖe nudzɔɖaka me la xɔ asi wu nu si ame bubuawo katã wona," data/train/MRK/MRK_007_Verse_003.mp3,Ame siawo de dzesii be Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo meklɔa asi le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi ɖua nu o. data/train/MRK/MRK_015_Verse_033.mp3,"Nyɔnu aɖewo hã nɔ adzɔge nɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Ame siawo nye Maria Magdalatɔ, Maria, si nye Yakobo suetɔ kple Yose dada kple Salome." data/train/MRK/MRK_007_Verse_000.mp3,"Ale Farisitɔwo kple agbalẽfiala siawo va bia Yesu be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo megawɔa míaƒe blemakɔnu o ɖo? Womeklɔa asi ɖe kɔnua nu hafi ɖua nu o.”" data/train/MRK/MRK_002_Verse_003.mp3,"Esi Abiata nye nunɔlagã la, David yi ɖe Mawu ƒe aƒe la me eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la, eye eya kple etɔwo mae heɖu, togbɔ be mele se nu be ame aɖeke naɖu abolo sia o, negbe nunɔlawo ko.”" data/train/MRK/MRK_006_Verse_022.mp3,"gake ame geɖewo gakpɔ wo xoxo, wonya afi si yim wonɔ, eya ta woƒu du dze ŋgɔ na wo, zɔ ƒua nu yi ɖakpe wo esi woɖi le ʋu la me teti ko." data/train/MRK/MRK_010_Verse_027.mp3,"Le nyateƒe me, mele gblɔm na mi be ame si maxɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi sue ene o la mage ɖe eme gbeɖe o.”" data/train/MRK/MRK_002_Verse_006.mp3,"Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wobia Yesu be, “Nu ka ta wole nu si mele se nu o la wɔm le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖo?”" data/train/MRK/MRK_012_Verse_023.mp3,"“Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔe wògbɔna ko la, wogblɔ be, Ame siae anyi agble sia ƒe dome le fofoa ƒe ku megbe. Mina míawui kaba, be agble gã sia nazu mía tɔ!”" data/train/MRK/MRK_002_Verse_005.mp3,"Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽ nu si David kple eŋumewo wɔ, esi dɔ wu wo, eye woɖo xaxa me kpɔ oa?" data/train/MRK/MRK_014_Verse_026.mp3,"Gbeɖe, míekpɔ afiatsotso xoxo elabena miawo ŋutɔ miese busunya si wògblɔ.” Azɔ nu kae nye miaƒe afiatsotso? Wo katã wobu fɔe be, “Edze na ku.”" data/train/MRK/MRK_006_Verse_040.mp3,Midze aƒe ɖeka ko me le kɔƒe ɖe sia ɖe me; miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o. data/train/MRK/MRK_003_Verse_034.mp3,Yesu yɔ amea be neva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume. data/train/MRK/MRK_001_Verse_003.mp3,"ame si ƒe gbe le ɖiɖim le gbea dzi be, ‘Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo, miwɔ eƒe mɔtatawo woanɔ dzɔdzɔe nɛ.’ ”" data/train/MRK/MRK_009_Verse_043.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Migagbe nɛ o, elabena ame si le nukunu aɖe wɔm le nye ŋkɔ dzi la, mate ŋu anye nye futɔ o." data/train/MRK/MRK_004_Verse_025.mp3,"Mikpɔ egbɔ be miewɔ ɖe nu siwo miese la dzi, elabena ne miele esia wɔm la, ekema miase nu siwo katã mefia mi la gɔme." data/train/MRK/MRK_007_Verse_024.mp3,"Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, esia nye nyateƒe, gake wotsɔa ɖeviwo ƒe nuɖuɖu wuwlui si susɔ la naa avuvi siwo le kplɔ̃ te.”" data/train/MRK/MRK_011_Verse_029.mp3,"Yesu ƒo fi de ati la be, “Ame aɖeke magaɖu wò kutsetse aɖeke kpɔ gbeɖe o.” Nusrɔ̃lawo hã se nya si wògblɔ la." data/train/MRK/MRK_013_Verse_014.mp3,"Eya ta ne miekpɔ be nu siwo katã megblɔ la le dzɔdzɔm la, minyae be nye vava zi evelia gogo eye nye afɔ le miaƒe agbowo nu.”" data/train/MRK/MRK_009_Verse_036.mp3,"Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, ekɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye futukpɔ dona le enu, eɖua aɖukli, eye eƒe lãme liana kakoo. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ la le eme, gake womete ŋui o.”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_052.mp3,"Ɖekakpui la yrɔ esi wòse nya siawo; eƒe mo trɔ zi ɖeka eye wòdzo nublanuitɔe, elabena enye kesinɔtɔ gã aɖe." data/train/MRK/MRK_009_Verse_014.mp3,"Azɔ ekplɔ ɖevi sue aɖe va wo titinae, kɔe ɖe eƒe abɔwo dome, eye wògblɔ na wo be," data/train/MRK/MRK_004_Verse_019.mp3,"Kpenyigba si dzi nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo sea mawunya la, eye woxɔnɛ kple dzidzɔ," data/train/MRK/MRK_002_Verse_026.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃wo natsi nu adɔ, agbe nuɖuɖu le eƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋua? Gbeɖe, zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ ko la, womatsi nu adɔ o" data/train/MRK/MRK_003_Verse_001.mp3,"Ame wuieve siwo wòtia la ƒe ŋkɔwoe nye: Simɔn (ame si wòna ŋkɔe be Petro)," data/train/MRK/MRK_015_Verse_031.mp3,"Nunɔlagãwo kple agbalẽfiala siwo nɔ tsitre ɖe teƒea hã nɔ alɔme ɖem le Yesu ŋu. Wogblɔ be, “Ame sia te ŋu xɔ na ame bubuwo, gake mate ŋu xɔ na eya ŋutɔ ɖokui o!" data/train/MRK/MRK_001_Verse_026.mp3,"Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Simɔn kple ame bubuawo do go yi ɖadii." data/train/MRK/MRK_010_Verse_047.mp3,"Yesu kpɔe dũ eye wòlɔ̃e, gblɔ nɛ be, “Nu vevi ɖeka susɔ si mèwɔ o. Yi nàdzra wò nuwo katã, eye nàtsɔ ga la ana ame dahewo bena kesinɔnuwo nanɔ asiwò le dziƒo. Le esia megbe la, va, nàdze yonyeme.”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_033.mp3,"Petro gblɔ na Yesu be, “Míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme.”" data/train/MRK/MRK_009_Verse_027.mp3,"Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wòdzea dzo me alo tsi me, eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí.”" data/train/MRK/MRK_012_Verse_040.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Se siae nye esi gblɔ be, ‘Israel see! Aƒetɔ mía Mawu la, Aƒetɔ ɖeka hɔ̃ɔ ko wònye." data/train/MRK/MRK_013_Verse_037.mp3,"Ɣletiviwo age tso dziƒo, eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’" data/train/MRK/MRK_013_Verse_033.mp3,"Yesu yi edzi be, “Le ɣeyiɣi siawo me la, nɔvi ŋutɔ ahe nɔvia ade ku me. Fofowo ade woawo ŋutɔ ƒe viwo asi eye viwo hã ade woawo ŋutɔ fofowo asi be woawu." data/train/MRK/MRK_015_Verse_000.mp3,Ale wokplɔ Yesu va teƒe aɖe si woyɔna be Golgata (si gɔmee nye “Ametakoliƒe”). data/train/MRK/MRK_002_Verse_017.mp3,“Mele egblɔm na wò be tsi tre! Ŋlɔ wò aba nàyi aƒe me!” data/train/MRK/MRK_010_Verse_022.mp3,"Ke tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze me ke la, Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu." data/train/MRK/MRK_015_Verse_045.mp3,"Yosef si tso Arimatia, ame si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo dometɔ ɖeka, si ŋu bubu le la va Yerusalem. Ame sia hã nɔ mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava. Eyi Pilato gbɔ kple dzideƒo hebia be wòaɖe asi le Yesu ƒe kukua ŋu na ye." data/train/MRK/MRK_015_Verse_016.mp3,"Esi Yesu va ɖo Pilato gbɔ la, Pilato biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, abe ale si miegblɔe ene.”" data/train/MRK/MRK_010_Verse_003.mp3,"Azɔ le wò biabia la ŋuti la, ènya seawo xoxo. Woawoe nye: mègawu ame o, mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègada alakpa o, mègaba ame o, bu fofowò kple dawò.”" data/train/MRK/MRK_003_Verse_002.mp3,"Ameha gã aɖe nɔ anyi ɖe egbɔ ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo di be yewoakpɔ wò le aƒea godo.”" data/train/MRK/MRK_009_Verse_052.mp3,"Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yohanes la gblɔ nɛ be, “Nufiala, míekpɔ ame aɖe si tsɔ wò ŋkɔ nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyamee le amewo me. Ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖeka wònye o.”" data/train/MRK/MRK_009_Verse_045.mp3,"Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum. Esi wova ɖo aƒe si me wodze me la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi míenɔ mɔa dzi gbɔna ɖe, nya ka ʋlim mienɔ?”" data/train/MRK/MRK_014_Verse_010.mp3,"Edɔ nusrɔ̃la eve ɖo ɖe Yerusalem be woawɔ dzadzraɖo ɖe ŋkeke la ɖuɖu ŋu. Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe dua me le yiyim la, miado go ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta." data/train/MRK/MRK_005_Verse_042.mp3,"Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Yairo la va dze klo ɖe ekɔme," data/train/MRK/MRK_003_Verse_010.mp3,"Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke ta la, Yesu ƒe futɔwo nɔ ŋku lém ɖe eŋu tsitotsito be ada gbe le amea ŋu mahã, ne wòwɔe la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu." data/train/MRK/MRK_014_Verse_049.mp3,"Nusrɔ̃la eveawo yi dua me eye wokpɔ be nu sia nu si Yesu gblɔ na wo la va eme tututu, ale wowɔ Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu ɖoɖo da ɖi." data/train/MRK/MRK_014_Verse_031.mp3,"Le esia megbe la, etrɔ yi nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ eye wòva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm. Yesu yɔ Petro gblɔ be, “Simɔn, alɔ̃ dɔm mielea? Ekema miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ teti hã oa?" data/train/MRK/MRK_013_Verse_015.mp3,Ke ele be dukɔ ɖe sia ɖe nase nyanyui la hafi nuwuwuŋkeke la naɖo. data/train/MRK/MRK_008_Verse_034.mp3,"Yesu nya nya si gblɔm wonɔ, ale wògblɔ na wo be, “Gbeɖe, menye nu si bum miele la gblɔm mele o! Nu ka ta mietea ŋu sea nu gɔme o ɖo? Ɖe miaƒe dziwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa?" data/train/MRK/MRK_013_Verse_032.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Migana ame aɖeke nable mi ne miatra mɔ o." data/train/MRK/MRK_006_Verse_017.mp3,eya ta eɖo asrafo si le eŋu dzɔm la ɖa be wòayi aɖatso ta le Yohanes nu atsɔ vɛ na ye. Asrafo la yi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ la me data/train/MRK/MRK_012_Verse_008.mp3,"Ameawo va gblɔ na Yesu amenubletɔe be, “Nufiala, míenya be ègblɔa nyateƒe la vɔvɔ̃manɔmee! Amewo ƒe susuwo kple didiwo meblea nuwò o, ke boŋ èfiaa Mawu ƒe mɔwo amewo le nyateƒe me. Azɔ gblɔ nu si nèbu la na mí.” Enyo be woadzɔ ga na Kaisaro loo alo menyo o?" data/train/MRK/MRK_014_Verse_069.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee, tso azɔ dzi miakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ anyi ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye wòanɔ lilikpowo dzi atso dziƒo ava.”" data/train/MRK/MRK_012_Verse_033.mp3,"Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”" data/train/MRK/MRK_012_Verse_002.mp3,"“Agbletɔ la gaɖo dɔla bubu ɖa, gake woƒo eya hã, de abi eƒe ta ŋu, hedo ŋukpee." data/train/MRK/MRK_011_Verse_031.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Hafi maɖo nya sia ŋu na mi la, miawo hã miɖo nye biabia sia ŋu nam." data/train/MRK/MRK_010_Verse_019.mp3,"gake ŋusẽ mele asinye be maɖo mi zikpuiwo dzi le nye nuɖusime kple nye miame o, elabena wodzra wo ɖo ɖi na ame siwo wotia da ɖi la ko.”" data/train/MRK/MRK_006_Verse_026.mp3,"Herod sia nye ame si dɔ asrafowo be woalé Yohanes de gaxɔ me. Ewɔ esia le Herod, nɔvia Filipo srɔ̃ si wòxɔ la ta," data/train/MRK/MRK_004_Verse_018.mp3,"Ke nuku aɖewo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, eye wotse ku blaetɔ̃, eye ɖewo tse blaade, eye ɖewo hã tse alafa.”" data/train/MRK/MRK_015_Verse_015.mp3,"Esi wowɔ funyafunyae ʋuu wòti wo la, woɖe awu dzĩ la le eŋu hetsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ eye wokplɔe dzoe be yewoaɖaklãe ɖe ati ŋu." data/train/MRK/MRK_006_Verse_024.mp3,"gake wo katã wokpɔe wònɔ zɔzɔm le ƒu la dzi, eya ta wodo vɔvɔ̃ɣli, elabena wobu be ŋɔlie." data/train/MRK/MRK_010_Verse_001.mp3,"Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Mose ɖe mɔ be srɔ̃ŋutsu naŋlɔ agbalẽ na srɔ̃nyɔnu be yegbee.”" data/train/MRK/MRK_007_Verse_033.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe ŋutɔe Yesaya to esi wògblɔ nya ɖi tso mi alakpatɔ siawo ŋuti; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “ ‘Ame siawo le kafuyem kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye." data/train/MRK/MRK_007_Verse_007.mp3,"Egagblɔ be, “Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame," data/train/MRK/MRK_009_Verse_047.mp3,"Yesu nɔ anyi, yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Ame si di be yeanye mi katã ƒe amegã la, ele nɛ be wòanye suetɔ kekeake gbã, ɛ̃, ele be wòanye mi katã ƒe subɔla!”" data/train/MRK/MRK_004_Verse_033.mp3,"Togbɔ be esiawo katã nɔ edzi yim hã la, Yesu ya ziɔ suɖui le ʋua ta henɔ alɔ̃ dɔm dziɖeɖitɔe. Nusrɔ̃lawo ʋuʋui sesĩe wònyɔ. Wobiae vɔvɔ̃tɔe be, “Nufiala, mètsɔ ɖeke le eme be míele nyɔnyrɔm oa?”" data/train/MRK/MRK_003_Verse_011.mp3,"Esi wose nu siwo katã Yesu nɔ wɔwɔm ta la, ame geɖe siwo tso Yudea, Yerusalem, Idumea kple nuto siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ kple Tiro kple Sidon nutowo me hã va." data/train/MRK/MRK_005_Verse_028.mp3,"Le ŋkeke kple zã me siaa la, enɔa tsatsam le yɔdowo dome kple togbɛwo dzi, nɔa ɣli dom henɔa eɖokui sim kple kpe ɖaɖɛwo." data/train/MRK/MRK_009_Verse_037.mp3,"Nyateƒe, nya sia ŋu ɖoɖo sesẽ na nusrɔ̃lawo, elabena nya si hem wonɔ la ku ɖe ame si nye wo katã ƒe amegã la ŋu." data/train/2JN/2JN_001_Verse_005.mp3,"Eye azɔ la, nyɔnu lɔlɔ̃a, menye se bubu aɖekee mele dedem na mi o, ke boŋ esi ko miese tso gɔmedzedzea me ke, mele biabiam be mialɔ̃ mia nɔewo." data/train/2JN/2JN_001_Verse_007.mp3,"Lɔlɔ̃ lae nye be míawɔ ɖe eƒe sededewo dzi. Abe ale si miese tso gɔmedzedzea me ene la, eƒe see nye be míanɔ agbe le lɔlɔ̃ me." data/train/2JN/2JN_001_Verse_009.mp3,"Ne ame aɖe va kple nufiafia si mesɔ ɖe Kristo tɔ dzi o la, migado wòezɔ teti hã nɛ o, eye migaxɔe ɖe miaƒe aƒe me kura o." data/train/2JN/2JN_001_Verse_006.mp3,le nyateƒe si le mía me eye wòanɔ mía me tegbee la ta: data/train/2JN/2JN_001_Verse_002.mp3,Ameblela geɖewo siwo mexɔe se be Yesu Kristo va abe amegbetɔ ene le ŋutilã me o la kaka ɖe xexea me. Ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ. data/train/2JN/2JN_001_Verse_001.mp3,"Ame sia ame si afia nu si to vovo tso Kristo ƒe nufiafia gbɔ la, mele Mawu me o. Ke ame si lé Kristo ƒe nufiafia me ɖe asi la le agbe le Fofo la kple Vi la me." data/train/2JN/2JN_001_Verse_004.mp3,Enye dzidzɔ gã aɖe nam be makpɔ be viwò aɖewo le agbe nɔm le nyateƒea me abe ale si Fofo la de se na míe ene. data/train/2JN/2JN_001_Verse_003.mp3,"Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Yesu Kristo, Fofo la ƒe Vi la gbɔ la nanɔ anyi kpli mi le nyateƒe kple lɔlɔ̃ me." data/train/2JN/2JN_001_Verse_011.mp3,"Nye, hamemegã tsitsitɔ gbɔe agbalẽ sia tso, Na hamenyɔnu lɔlɔ̃a si nye Mawu ƒe ame tiatia tɔxɛ, ame si melɔ̃na vevie la kple viawo katã. Menye nye ɖekae o, ke boŋ ame siwo katã dze si nyateƒe la" data/train/1PE/1PE_003_Verse_013.mp3,"Ke ne miekpe fu le nu nyui wɔwɔ me gɔ̃ hã la, woayra mi. “Migavɔ̃ nu si vɔ̃m wole o; dzidzi hã megaƒo mi o.”" data/train/1PE/1PE_003_Verse_001.mp3,"Ame kae awɔ nu vevi mi, ne mietsi dzi ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu?" data/train/1PE/1PE_001_Verse_016.mp3,"ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi, ame si nye alẽvi si ŋuti mokaka kple kpɔtsɔtsɔ mele o." data/train/1PE/1PE_005_Verse_008.mp3,"Minɔ te ɖe enu, minɔ tsitre sesĩe le xɔse la me, elabena mienyae be mia nɔvi siwo le xexea me godoo la le fukpekpe mawo ke me tom." data/train/1PE/1PE_005_Verse_012.mp3,"Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu.”" data/train/1PE/1PE_001_Verse_020.mp3,"Togbɔ be fifia la, ele na mi be miaxa nu le dodokpɔ ƒomevi geɖewo me hena ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo hã la, miele dzidzɔ manyagblɔ kpɔm le mɔkpɔkpɔ sia ta." data/train/1PE/1PE_001_Verse_025.mp3,"Ɖeɖe sia tae Mawu ƒe nyagblɔɖila siwo ƒo nu tso amenuveve si le mia dzi va ge ŋuti la ku nu gɔme vevie kple beléle tɔxɛ," data/train/1PE/1PE_001_Verse_003.mp3,"Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke." data/train/1PE/1PE_002_Verse_012.mp3,"Ke miawo hã, abe kpe gbagbewo ene la, wotsɔ mi le gbɔgbɔmegbedoxɔ tum. Gawu la, mienye eƒe nunɔla kɔkɔewo, ame siwo asa gbɔgbɔmevɔ siwo dze Mawu ŋu la to Yesu Kristo ƒe avuléle dzi." data/train/1PE/1PE_001_Verse_010.mp3,"Esiawo va mia dzi ale be miaƒe xɔse si xɔ asi wu sika si gblẽna, evɔ wololõe le dzo me hafi, be woakpɔ miaƒe xɔse be enye nyateƒetɔ, ale wòahe kafukafu, ŋutikɔkɔe kple bubu vɛ, ne woɖe Yesu Kristo fia." data/train/1PE/1PE_003_Verse_006.mp3,"Elabena Aƒetɔ la ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le te ɖe woƒe gbedodoɖa ŋu, ke Aƒetɔ la tsia tsitre ɖe ame siwo wɔa nu vɔ̃ la ŋuti.”" data/train/1PE/1PE_001_Verse_009.mp3,"Esi mieyɔa Fofo si drɔ̃a ʋɔnu ame sia ame ƒe dɔ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe la, minɔ agbe abe amedzrowo ene le afi sia le vɔvɔ̃ kɔkɔe me." data/train/1PE/1PE_005_Verse_010.mp3,"Mitsɔ miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã da ɖe eya amea dzi, elabena eléa be na mi." data/train/1PE/1PE_003_Verse_010.mp3,"ke boŋ miaƒe tugbedzedze nanye ememetɔ, tugbedzedze malũxɛ si nye tufafa kple bɔbɔenyenye ƒe gbɔgbɔ si xɔ asi le Mawu ƒe ŋkume ŋutɔ." data/train/1PE/1PE_001_Verse_002.mp3,"ame siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo kple Mawu ƒe akpoxɔnu, to xɔse me va se ɖe esime woaɖe ɖeɖe si wodzra ɖo na nuwuwuɣeyiɣiwo la afia." data/train/1PE/1PE_001_Verse_007.mp3,"Elabena wogbugbɔ mi gadzi, menye tso ku gbegblẽ me o, ke boŋ tso ku magblẽmagblẽ me, to Mawu ƒe nya si le agbe, eye wònɔa anyi tegbetegbe la me." data/train/1PE/1PE_004_Verse_012.mp3,"Ne miekpe fu la, migakpee abe hlɔ̃dola, fiafitɔ alo nu tovo wɔla aɖe loo, alo ame si dea nu ame bubuwo ƒe nya me la ene o." data/train/1PE/1PE_004_Verse_002.mp3,"Eya ta ame siwo kpea fu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la netsɔ wo ɖokuiwo de asi na wo Wɔla nuteƒetɔwɔla la, eye woayi nu nyui wɔwɔ dzi." data/train/1PE/1PE_004_Verse_005.mp3,"Gake ne mia dometɔ aɖe akpe fu, elabena enye kristotɔ la, ŋu megakpee o, ke boŋ neda akpe na Mawu be woyɔ ŋkɔ sia ɖe eŋu." data/train/1PE/1PE_002_Verse_001.mp3,"Azɔ la, hena mi ame siwo xɔe se la, kpe sia nye kpe xɔasi na mi. Ke na ame siwo mexɔe se o la, “Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe,”" data/train/1PE/1PE_004_Verse_007.mp3,"Ke mikpɔ dzidzɔ be mienye fukpekpe siwo me Kristo to la ƒe gomekpɔlawo, ale be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nagbã go ne wòɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia." data/train/1PE/1PE_002_Verse_010.mp3,"Gake viɖe ka wòanye na mi ne woƒo mi ɖe vɔ̃ si miewɔ la ta, eye miedo dzi? Ke ne miekpe fu le nyuiwɔwɔ ta, eye miedo dzi la, enye nu dzeame le Mawu gbɔ." data/train/1PE/1PE_002_Verse_000.mp3,"alo mɔmefia siwo woɖo ɖa be woahe to na nu gbegblẽ wɔlawo, eye woakafu nu nyui wɔlawo o." data/train/1PE/1PE_001_Verse_005.mp3,elabena miele miaƒe xɔse ƒe taɖodzinu si nye miaƒe luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la xɔm. data/train/1PE/1PE_001_Verse_013.mp3,"hedze agbagba be yewoanya ɣeyiɣi kple nudzɔdzɔ si Kristo ƒe Gbɔgbɔ si le wo me la le asi fiam, esi wògblɔ nya ɖi tso Mesia la ƒe fukpekpewo kple ŋutikɔkɔe si akplɔe ɖo la ŋuti." data/train/1PE/1PE_001_Verse_000.mp3,"Abe vi ɖotowo ene la, migadze ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo nɔ mia me, esi mienɔ agbe le numanyamanya me la yome o," data/train/1PE/1PE_003_Verse_004.mp3,"Elabena aleae nyɔnu kɔkɔe, siwo nɔ anyi le blema, esiwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi la wɔa leke na wo ɖokuiwoe. Wobɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo" data/train/1PE/1PE_001_Verse_023.mp3,"Wotiae hafi wova wɔ xexea me, gake woɖee fia le ɣeyiɣi mamlɛtɔ siawo me le mia ta." data/train/1PE/1PE_001_Verse_015.mp3,"ke boŋ abe ale si ame si yɔ mi la le kɔkɔe ene la, miawo hã minɔ kɔkɔe le nu sia nu si miewɔna la me," data/train/1PE/1PE_003_Verse_019.mp3,ne wokpɔ dzadzɛnyenye kple bubu si le woƒe agbe me. data/train/1PE/1PE_001_Verse_021.mp3,"Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃e, eye togbɔ be miele ekpɔm fifia o hã la, miexɔ edzi se, eye dzidzɔ manyagblɔ si ŋuti ŋutikɔkɔe le la yɔ mia me fũu," data/train/1PE/1PE_002_Verse_019.mp3,"Minɔ agbe abe ablɔɖeviwo ene, gake migawɔ miaƒe ablɔɖe la ŋu dɔ abe mɔɖeɖe na nu vɔ̃ wɔwɔ ene o; minɔ agbe abe Mawu ƒe dɔlawo ene." data/train/1PE/1PE_005_Verse_006.mp3,"Mia nɔvi si nye hame si le Babilonia, si wotia kpe ɖe mia ŋu la do gbe na mi vevie. Nenema ke, vinye Marko hã do gbe na mi nyuie." data/train/1PE/1PE_001_Verse_019.mp3,"To eya amea dzi la, miexɔ Mawu dzi se, ame si fɔe tso ame kukuwo dome, hetsɔ ŋutikɔkɔe ɖɔ nɛ, ale miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ le Mawu me." data/train/1PE/1PE_004_Verse_000.mp3,"Elabena ɣeyiɣi de be ʋɔnudɔdrɔ̃ nadze egɔme tso Mawu ƒe ƒomea me; ke ne edze gɔme tso mía dzi la, ekema aleke woahanɔ na ame siwo meɖo to Mawu ƒe nyanyui la o?" data/train/1PE/1PE_004_Verse_009.mp3,"Mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ eƒe gbɔgbɔmenunana asubɔ ame bubuwoe; abe subɔvi nyuiwo ene la, mima Mawu ƒe amenuveve la anukwaretɔe le mɔ vovovowo nu." data/train/1PE/1PE_003_Verse_012.mp3,"Ke miaƒe dzitsinya me nakɔ keŋkeŋ, ale be ame siwo ƒoa nu vlo le mia ŋuti le agbe nyui si nɔm miele le Kristo me ta la naɖu ŋukpe le woƒe ameŋugblẽnyawo ta." data/train/1PE/1PE_003_Verse_009.mp3,"Eto edzi yi ɖagblɔ mawunya na gbɔgbɔ siwo le gaxɔ me," data/train/1PE/1PE_002_Verse_007.mp3,"Esi wodzui la, meɖo eŋu o, esi wòkpe fu la, meƒo fi de ame o, ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe." data/train/1PE/1PE_002_Verse_008.mp3,"Esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, elabena Kristo kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze eyome." data/train/1PE/1PE_002_Verse_013.mp3,"Ke miawo la, mienye ame tiatiawo, fia la ƒe nunɔlawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ tɔ, be miaɖe gbeƒã ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe nukukekeli me la ƒe kafukafu." data/train/1PE/1PE_002_Verse_003.mp3,"Elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wònye be to nu nyui wɔwɔ me la, miatsi bometsilawo ƒe numanyamanya ƒe nuƒowo nu." data/train/1PE/1PE_004_Verse_004.mp3,"Eye, “Nenye be bebli hafi ame dzɔdzɔe nakpɔ ɖeɖe la, ekema aleke wòanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo?”" data/train/1PE/1PE_004_Verse_019.mp3,"Ƒo nuwo katã ta la, milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔ dzi." data/train/1PE/1PE_002_Verse_004.mp3,"“Elabena mewɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womekpɔ alakpa aɖeke le eƒe nu me o.”" data/train/1PE/1PE_002_Verse_006.mp3,"Elabena wogblɔ le mawunya me be, “Kpɔ ɖa mele kpe aɖe ɖom ɖe Zion, dzogoedzikpe si wotia, eye asixɔxɔ le eŋu, ame si atsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi la, ŋu mele ekpe ge akpɔ gbeɖe o.”" data/train/1PE/1PE_001_Verse_012.mp3,"Eye wòtsɔ domenyinu si magblẽ o, si malũ xɛ alo aklo o la na mí, domenyinu si wodzra ɖo ɖe dziƒo na mi," data/train/1PE/1PE_004_Verse_014.mp3,"Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ, eya ta minɔ mo xexi, eye miɖu mia ɖokui dzi, ale be miate ŋu ado gbe ɖa." data/train/1PE/1PE_003_Verse_011.mp3,"Ke le miaƒe dziwo me la, mina nɔƒe tɔxɛ Kristo abe Aƒetɔ kɔkɔe ene. Minɔ klalo ɣe sia ɣi be miaɖo nya ŋu na ame sia ame si abia mi be miagblɔ nu si ta mɔkpɔkpɔ sia le mia si ɖo." data/train/1PE/1PE_002_Verse_018.mp3,"Mide bubu ame sia ame ŋu, milɔ̃ hadede kple xɔsetɔwo, mivɔ̃ Mawu, eye mide bubu fia la ŋu." data/train/1PE/1PE_005_Verse_009.mp3,Mitsɔ lɔlɔ̃ do gbe na mia nɔewo abe Kristotɔ vavãwo ene. Ŋutifafa na mi ame siwo katã le Kristo me. data/train/1PE/1PE_004_Verse_006.mp3,"Ke hã la, ele na wo be woana akɔnta ame si le klalo be yeadrɔ̃ ʋɔnu agbagbeawo kple kukuawo." data/train/1PE/1PE_005_Verse_000.mp3,"Amenuveve katã ƒe Mawu la, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo me, le fukpekpe sue aɖe ko megbe la, ŋutɔ aɖo mi te, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi." data/train/1PE/1PE_004_Verse_008.mp3,"Le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me le anyigba dzi la, menɔ agbe le ŋutilã ƒe nudzodzrowo nu o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu." data/train/1PE/1PE_005_Verse_003.mp3,"Eya ta azɔ la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, wòakɔ mi ɖe dzi." data/train/1PE/1PE_005_Verse_007.mp3,"mianye Mawu ƒe alẽha si wòtsɔ de miaƒe dzikpɔkpɔ te la ƒe kplɔlawo, mikpɔ wo ta, eye menye abe dɔdeasi ko ene o, ke boŋ kple dzidzɔ kple lɔlɔ̃nu nyui, abe ale si Mawu di tso mia si be miawɔ ene. Menye kple ŋukeklẽ ɖe ga ŋuti o, ke boŋ kple subɔsubɔ ƒe didi nyui," data/train/1PE/1PE_002_Verse_017.mp3,"Mi kluviwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na miaƒe aƒetɔwo le bubudede ame ŋu blibo me, menye na esiwo nyo, eye wobua mia ŋuti ɖeɖe ko o, ke boŋ na esiwo nye ŋutasẽlawo hã." data/train/1PE/1PE_004_Verse_017.mp3,"Susu sia ta wogblɔ nyanyui la na ame siwo ku va yi xoxo la hã, ale be togbɔ be le woƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi me woto ʋɔnudɔdrɔ̃ si me amegbetɔ ɖe sia ɖe tona hã la, woate ŋu ava Mawu ƒe agbe la gbɔ le gbɔgbɔ me." data/train/1PE/1PE_003_Verse_014.mp3,"Ke tsiɖɔɖɔ la nye mawutsideta si miexɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzesi, ke menye ɖikɔklɔ le ŋutigbalẽ ŋu wònye o, ke boŋ adzɔgbeɖeɖe be woatsɔ dzitsinya nyui atrɔ ɖe Mawu ŋu. Mawu sia ɖe mi to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me," data/train/1PE/1PE_003_Verse_015.mp3,"Miaƒe tugbedzedze megatso gota gome lekewɔwɔ me, abe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo dodo kple avɔ xɔasiwo tata me ene o," data/train/1PE/1PE_001_Verse_008.mp3,"elabena woŋlɔ ɖi be, “Minɔ kɔkɔe elabena nye la mele kɔkɔe.”" data/train/1PE/1PE_004_Verse_013.mp3,"Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi, elabena ŋutikɔkɔe ƒe Gbɔgbɔ si nye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le mia dzi." data/train/1PE/1PE_002_Verse_020.mp3,"Minɔ agbe dzadzɛ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, ale be togbɔ be wotsoa mia nu be miewɔ vɔ̃ hã la, woakpɔ miaƒe dɔ nyuiwo, eye woakafu Mawu le ŋkeke si dzi wòava asrã mí akpɔ." data/train/1PE/1PE_003_Verse_007.mp3,"elabena Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã. Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ o, gake eku ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta be wòakplɔ mi va Mawu gbɔe dedie. Wowui le ŋutilã me, ke wogbɔ agbee le Gbɔgbɔ me," data/train/1PE/1PE_005_Verse_011.mp3,"Miɖu mia ɖokuiwo dzi, eye minɔ ŋudzɔ. Miaƒe futɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe tem, le nu dim ne wòavuvu la ene." data/train/1PE/1PE_002_Verse_002.mp3,"Elabena enye nu dzeame ne ame aɖe se veve, gake hedo dzi kpe fu si medze na hafi o, le esi wònya Mawu ta." data/train/1PE/1PE_004_Verse_018.mp3,"Tsã la, miegblẽ ɣeyiɣi geɖe le nu siwo trɔ̃subɔlawo wɔna la me, esiwo nye ahiãwɔwɔ, nudzodzro vɔ̃wo, ahatsunono, nuɖuɖu vivivo, aglotutu vɔ̃wo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ." data/train/1PE/1PE_002_Verse_021.mp3,"Nɔvi veviwo, mele eƒom ɖe mia nu be abe amedzrowo kple mɔzɔlawo le xexea me ene la, be mite ɖa xaa tso ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo wɔa aʋa kple miaƒe luʋɔ la gbɔ." data/train/1PE/1PE_004_Verse_011.mp3,"Ne ame aɖe le nu ƒom la, neƒoe abe Mawu gbɔ nyawo tso ene. Ne ame aɖe le subɔsubɔm la, newɔe kple ŋusẽ si Mawu nae la katã, ale be le nuwo katã me la, woakafu Mawu to Yesu Kristo dzi. Eya tɔe nye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen." data/train/1PE/1PE_005_Verse_001.mp3,"be miagaɖu tɔ ɖe hame si dzikpɔlawo woɖo mi la dzi o, ke boŋ mianye kpɔɖeŋu na alẽha la." data/train/1PE/1PE_003_Verse_003.mp3,"ame siwo sẽ to le blema, le esime Mawu lala le dzigbɔɖi blibo me, le Noa ƒe ɣeyiɣiwo me, esi wònɔ aɖakaʋu la kpam. Ame ʋɛ aɖewo, ame siwo ƒe xexlẽme nye enyi ko woɖe le tsiɖɔɖɔ la me." data/train/1PE/1PE_002_Verse_011.mp3,"Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ." data/train/1PE/1PE_003_Verse_016.mp3,"Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe alo dzu ɖo dzu teƒe o, ke boŋ miɖo teƒe na wo kple yayra, elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo be mianyi yayra ƒe dome." data/train/1PE/1PE_001_Verse_006.mp3,"Elabena mienya bena menye sika kple klosalo si gblẽna lae wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso agbe vlo si mia fofowo gblẽ ɖi na mi la me o," data/train/1PE/1PE_002_Verse_014.mp3,"kpe, “Si nana amewo klia nu, eye wònye agakpe si nana wodzea anyi,” Woklia nu, elabena wogbe toɖoɖo nyanyui la, esi hã nye nu si woɖo wo ɖi na." data/train/1PE/1PE_003_Verse_000.mp3,"abe ale si Sara bɔbɔ eɖokui na Abraham, eye wòyɔe be aƒetɔ la ene. Mienye via nyɔnuwo ne miewɔ nu dzɔdzɔe, eye mieɖe mɔ na vɔvɔ̃ o." data/train/PRO/PRO_027_Verse_003.mp3,Ame si tra tso eƒe aƒe me la le abe xevi si bu eƒe atɔmemɔ ene. data/train/PRO/PRO_031_Verse_025.mp3,Srɔ̃a kana ɖe edzi blibo eye nu sia nu si ŋu asixɔxɔ le la mevena le egbɔ o. data/train/PRO/PRO_021_Verse_025.mp3,"Nuɖuɖu vivi kple ami bɔ ɖe nunyala ƒe aƒe me fũu, gake bometsila ɖua nu sia nu si le esi." data/train/PRO/PRO_006_Verse_002.mp3,Bla wo ɖe wò dzi ŋuti tegbee eye nàsae ɖe wò kɔ ŋuti. data/train/PRO/PRO_014_Verse_000.mp3,"Ame dahewo ƒe aƒelikawo ke hã ƒoa asa na wo, ke xɔlɔ̃ geɖe nɔa kesinɔtɔwo si." data/train/PRO/PRO_029_Verse_009.mp3,"Bometsila ɖea eƒe dziku katã fiana, ke nunyala ɖua eɖokui dzi." data/train/PRO/PRO_018_Verse_011.mp3,"Enye bometsitsi kple ŋukpe na ame, be wòaɖo nya ŋu hafi ase nu si gblɔm wole." data/train/PRO/PRO_019_Verse_006.mp3,"Ame si, si nunya su la lɔ̃a eya ŋutɔ ƒe luʋɔ eye ame si melɔ̃a nu le gɔmesese gbɔ o la, nu dzea edzi nɛ." data/train/PRO/PRO_001_Verse_004.mp3,"be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya kple sidzedze sɔhɛwo," data/train/PRO/PRO_015_Verse_002.mp3,"Ame si doa toku amehehe la, doa vlo eɖokui, ke ame si xɔa mokaname la gɔmesese sua esi." data/train/PRO/PRO_020_Verse_006.mp3,Fia ƒe dziku doa vɔvɔ̃ abe dzata ƒe gbetete ene ame si do dziku nɛ la bua eƒe agbe. data/train/PRO/PRO_016_Verse_026.mp3,"Nya nyuiwo nye anyitsito, enana luʋɔ sea vivi, eye wòhea dɔyɔyɔ vɛ na ƒuwo." data/train/PRO/PRO_020_Verse_022.mp3,"Xɔ avɔ le ame si da megbe na amedzro la si, tsɔe ɖo awɔbae ne eda megbe na nyɔnu gbolowɔla." data/train/PRO/PRO_019_Verse_010.mp3,"Anyo be nànye ame dahe si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o, wu bometsila si ƒe nuyiwo gblɔa nya tovo." data/train/PRO/PRO_003_Verse_005.mp3,"ekema wò avawo ayɔ agbagba, eye wain yeye ayɔ wò ahazewo agbagba." data/train/PRO/PRO_018_Verse_008.mp3,Amenyagblɔla ƒe nyawo vivina abe nuɖuɖu vivi si woka de nu me la ene; woyina ɖe ame ƒe dɔgbowo me ke. data/train/PRO/PRO_013_Verse_017.mp3,"Dɔtsɔla vɔ̃ɖi gena ɖe dzɔgbevɔ̃e me, ke dɔtsɔla si wɔa nuteƒe la hea dɔyɔyɔ vanɛ." data/train/PRO/PRO_008_Verse_028.mp3,Tia nye amehehe ɖe klosalo teƒe kple nye gɔmesese ɖe sika nyuitɔ teƒe data/train/PRO/PRO_021_Verse_008.mp3,Aʋatsoɖasefo atsrɔ̃ eye ame si ɖoa toe la atsrɔ̃ gbidigbidi. data/train/PRO/PRO_022_Verse_021.mp3,"Nyɔnu ahasitɔ ƒe nu la, ʋe globo wònye eye ame si dzi Yehowa ƒe dziku le la eyae age adze eme." data/train/PRO/PRO_027_Verse_024.mp3,"Togbɔ be èto bometsila le to me, ètoe kple tati abe bli ene hã la, màte ŋu aɖe eƒe bometsitsi ɖa le eŋu o." data/train/PRO/PRO_020_Verse_020.mp3,"Wonyaa ɖevi gɔ̃ hã to eƒe nuwɔna me, ne ele agbe dzadzɛ eye eƒe nuwɔnawo le eteƒe." data/train/PRO/PRO_016_Verse_012.mp3,"Fia ƒe dziku nye ku ƒe dɔla, ke nunyala alé avui." data/train/PRO/PRO_010_Verse_030.mp3,"Yehowa ƒe yayra hea kesinɔnu vɛ, eye metsɔa fukpekpe aɖeke kpena ɖe eŋu o." data/train/PRO/PRO_007_Verse_000.mp3,Bla wo ɖe wò asibidɛwo ŋu eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi. data/train/PRO/PRO_023_Verse_023.mp3,Mègaɖe blemaliƒokpewo ɖa alo age ɖe tsyɔ̃eviwo ƒe agble me o data/train/PRO/PRO_029_Verse_008.mp3,"Ameƒoti si wotsɔna ɖɔa ame ɖoe la fiaa nunya ame, gake ɖevi si womehe o la dea ŋukpe mo na dadaa." data/train/PRO/PRO_025_Verse_023.mp3,"Nya si wogblɔ dedie la, le abe “sikaplu” le klosalogba me ene." data/train/PRO/PRO_021_Verse_019.mp3,"Ne wohe to na fewuɖula la, bometsilawo dzea nunya; ne wofia nu nunyala la, sidzedze sua esi." data/train/PRO/PRO_017_Verse_018.mp3,Menyo be woahe to na fɔmaɖila alo aƒo dɔnunɔla ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ ta o. data/train/PRO/PRO_021_Verse_023.mp3,"Nunya, gɔmesese kple ɖoɖo aɖeke meli si adze edzi o, ne etsi tsitre ɖe Yehowa ŋu." data/train/PRO/PRO_025_Verse_018.mp3,"Ne dɔ le wò ketɔ wum la, na nui wòaɖu, ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano." data/train/PRO/PRO_029_Verse_020.mp3,Nu gbegblẽ wɔla nye ŋunyɔ na ame dzɔdzɔe eye nu dzɔdzɔe wɔla nye ŋunyɔ na ame vɔ̃ɖi. data/train/PRO/PRO_003_Verse_035.mp3,"Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple wò dzi blibo, mègaku ɖe wò ŋutɔ wò nugɔmesese ŋu o;" data/train/PRO/PRO_001_Verse_033.mp3,"ɛ̃, ne eƒo ɖe mia dzi abe ahom sesẽ ene, gbegblẽ hã zɔ to mia dzi abe yali ene, eye xaxa kple hiã va mia dzi kpoyi!" data/train/PRO/PRO_018_Verse_022.mp3,Sidzela ƒe dzi kpɔa gɔmesese eye nunyala ƒe to dia gɔmesese. data/train/PRO/PRO_031_Verse_001.mp3,"Ebua ta me le agble ŋu eye wòƒlenɛ, eɖena tso eƒe nukpɔkpɔwo me tsɔna dea waingblee." data/train/PRO/PRO_025_Verse_026.mp3,"Ŋutsu si ɖi aʋatsoɖase ɖe ehavi ŋu la le abe kpo, yi alo aŋutrɔ ɖaɖɛ ene." data/train/PRO/PRO_026_Verse_015.mp3,Dudede asi na bometsila le abe ame ŋutɔ ƒe afɔ lalã alo dzɔgbevɔ̃e nono ene. data/train/PRO/PRO_018_Verse_014.mp3,"Ku kple agbe ƒe ŋusẽ le aɖe si, eye ame siwo lɔ̃e la aɖu eƒe kutsetse." data/train/PRO/PRO_019_Verse_022.mp3,"Vinye, ne èdzudzɔ amehenyawo sese la, ekema àtra tso gɔmesese ƒe nyawo gbɔ." data/train/PRO/PRO_019_Verse_015.mp3,"Kesinɔnunɔamesi dzea xɔlɔ̃ geɖe na ame, gake ame dahe ƒe xɔlɔ̃wo kakana le eŋu." data/train/PRO/PRO_020_Verse_025.mp3,Yehowa lé fu nudakpe ƒomevi vovovowo eye nudanu amebatɔ hã menyoa Yehowa ŋu o. data/train/PRO/PRO_026_Verse_023.mp3,"Ne ame aɖe ɖe ʋe la, eya ŋutɔ age adze eme eye ame si amli kpe la, kpe si wòmli la age adze eya ŋutɔ dzi." data/train/PRO/PRO_007_Verse_009.mp3,"eya ta medo be mava do go wò, medi wò eye meke ɖe ŋuwò!" data/train/PRO/PRO_025_Verse_000.mp3,"Abe ale si anyieheya hea tsidzadza vɛ ene la, nenema amenyagblɔɖe dea adã mo na amee." data/train/PRO/PRO_015_Verse_010.mp3,"Dɔmedzoetɔ hea mama vɛ, ke dzigbɔɖitɔ tsia dzre nu." data/train/PRO/PRO_003_Verse_013.mp3,Etsɔ eƒe nunya ma gogloƒewoe eye lilikpowo dzaa zãmu. data/train/PRO/PRO_029_Verse_015.mp3,"Ne ame vɔ̃ɖiwo le dzi ɖum la, nu vɔ̃ hã dea dzi, ke ame dzɔdzɔewo akpɔ woƒe anyidzedze." data/train/PRO/PRO_009_Verse_013.mp3,"Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ekema mianɔ agbe eye miazɔ le gɔmesese me." data/train/PRO/PRO_011_Verse_015.mp3,"Dada doa ŋgɔ na ŋukpeɖuɖu, ke ɖokuibɔbɔ hea nunya vɛ." data/train/PRO/PRO_002_Verse_021.mp3,"Tamebubu nyui akpɔ tawò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò." data/train/PRO/PRO_013_Verse_000.mp3,"Ame aɖe wɔna abe kesinɔtɔe wònye ene, evɔ naneke mele esi o, ame bubu wɔa eɖokui ame dahee, evɔ kesinɔnu geɖe le esi." data/train/PRO/PRO_028_Verse_028.mp3,"Ŋutsu ŋubiala hea mama vɛ ke ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, nu adze edzi nɛ." data/train/PRO/PRO_020_Verse_007.mp3,"Kuviatɔ meŋlɔa agble le agbledeɣi o, eya ta edia nu le nuŋeɣi doa kpoe." data/train/PRO/PRO_027_Verse_006.mp3,Àte ŋu aka ɖe xɔlɔ̃ ƒe abideameŋu dzi gake ketɔ ƒe nugbugbɔ dzina ɖe edzi. data/train/PRO/PRO_018_Verse_019.mp3,Nudzidze tsia dzre nu eye wòtsoa nya me na ame sesẽ siwo le dzre wɔm. data/train/PRO/PRO_010_Verse_011.mp3,"Ame si ƒoa nukuwo nu ƒu le dzomeŋɔli la nye vi nyanu, ke ame si dɔa alɔ̃ le nuŋeɣi la, vi ŋukpenuwɔlae." data/train/PRO/PRO_005_Verse_021.mp3,Woayra wò vudo eye nàkpɔ dzidzɔ ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu. data/train/PRO/PRO_015_Verse_030.mp3,Yehowavɔvɔ̃ fiaa nunya ame eye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu. data/train/PRO/PRO_006_Verse_007.mp3,"elabena gbolo aɖi gbɔ̃ wò, nànɔ abe abolo ko ene eye nyɔnu ahasitɔ aɖe agbe le mewò." data/train/PRO/PRO_010_Verse_009.mp3,"Ame si tea ŋku ɖe ame kple dziku la hea nuxaxa vɛ, eye bometsila, nukpoloeƒola, atsrɔ̃." data/train/PRO/PRO_019_Verse_009.mp3,Ame ƒe nunya nana wògbɔa dzi ɖi eye ŋutikɔkɔe wònye nɛ ne eŋe aɖaba ƒu dzidada dzi. data/train/PRO/PRO_028_Verse_022.mp3,"Ne tamesesẽtɔ zu dziɖula la, amewo sina bena, ke ne ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃ la, ame dzɔdzɔewo tsina." data/train/PRO/PRO_025_Verse_015.mp3,mègatsɔ dzitsitsi ahee va ʋɔnui o elabena nu ka nàwɔ le nuwuwua ne hawòvi la do ŋukpe wò? data/train/PRO/PRO_013_Verse_023.mp3,"Nunyala ƒe nufiafia nye agbevudo, eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me." data/train/PRO/PRO_017_Verse_019.mp3,Mokaname dea ta me na ame si si sidzedze le wu nu si ƒoƒo alafa ɖeka nye na bometsila. data/train/PRO/PRO_004_Verse_010.mp3,"Lé nufiame ɖe asi, mègana wòado le asiwò o; dzɔ eŋuti nyuie elabena eyae nye agbe na wò." data/train/PRO/PRO_021_Verse_006.mp3,"Ame vɔ̃ɖi ɖoa mo kplala ɖi, ke dzɔdzɔetɔ léa ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu." data/train/PRO/PRO_006_Verse_011.mp3,"eya ta gbegblẽ aƒo ɖe edzi kpoyi eye woatsrɔ̃ eya amea zi ɖeka, naneke maɖee le eme o." data/train/PRO/PRO_019_Verse_003.mp3,"Ame si daa adzo fofoa, nyaa dada doa goe lae nye viŋutsu si hea ŋukpe kple vlododo vɛ." data/train/PRO/PRO_011_Verse_012.mp3,Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe kesinɔnuwo dzi la adze anyi gake ame dzɔdzɔe awɔ mlɔmlɔmlɔ abe gbe dama ene. data/train/PRO/PRO_006_Verse_016.mp3,Ke ame si wɔ ahasi kple srɔ̃tɔ la mebua ta me o eye ame si wɔnɛ la gblẽa eɖokui dome. data/train/PRO/PRO_025_Verse_028.mp3,"Ɖe ɖi ɖa le klosalo ŋu, ekema klosalonutula kpɔ dɔwɔnu." data/train/PRO/PRO_021_Verse_028.mp3,"Ŋku gã kple dzi si me dada le lae nye ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi, evɔ wòhenye nu vɔ̃." data/train/PRO/PRO_003_Verse_027.mp3,"Vinye, lé afia nyui tsotso kple sidzedze me ɖe asi, mègana woadzo le ŋkuwòme o." data/train/PRO/PRO_007_Verse_004.mp3,"Elé ɖekakpui la hegbugbɔ nu nɛ ŋɔnɔe eye wòɖo mo kplalaa gblɔ nɛ be," data/train/PRO/PRO_003_Verse_024.mp3,"Ne èmlɔ anyi la, màvɔ̃ o, ne èmlɔ anyi la, àdɔ alɔ̃ vivi." data/train/PRO/PRO_023_Verse_002.mp3,Ame dzɔdzɔe fofo atso aseye geɖe eye ame si si vi nyanu le la akpɔ dzidzɔ le eŋu. data/train/PRO/PRO_002_Verse_006.mp3,ame siwo ƒe mɔwo glɔ̃ eye wotrana le woƒe mɔwo dzi. data/train/PRO/PRO_019_Verse_002.mp3,"Ame geɖewo wɔa nu be woadze fia ŋu, eye ame si naa nu ame faa la, ame sia ame dzea xɔ̃e." data/train/PRO/PRO_025_Verse_001.mp3,"Abe ale si dziƒo kɔe eye anyigba gogloe ene la, nenemae womate ŋu adzro fiawo ƒe dzi me o." data/train/PRO/PRO_006_Verse_021.mp3,"ne ŋugbe si nèdo zu mɔ me nèɖo eye wò numenyawo bla wò la," data/train/PRO/PRO_013_Verse_013.mp3,"Didi si vaa eme la vivina na luʋɔ, ke vɔ̃tsitsri nye ŋunyɔ na bometsilawo." data/train/PRO/PRO_031_Verse_022.mp3,"“ ‘Nyɔnu siwo wɔa nu ɖɔʋuwo la li fũu, gake wò la, èƒo wo katã ta.’" data/train/PRO/PRO_008_Verse_017.mp3,Medzɔ dzi le eƒe xexe blibo la me eye amegbetɔwo ƒe nu do dzidzɔ nam. data/train/PRO/PRO_016_Verse_009.mp3,"Dadalawo katã nye ŋunyɔnu na Yehowa. Maka ɖe edzi na wò be, womagbe tohehe na wo o." data/train/PRO/PRO_024_Verse_018.mp3,Mègaɖu ɖasefo ɖe hawòvi ŋu dzodzro alo atsɔ wò nuyiwo aka aʋatsoe o. data/train/PRO/PRO_028_Verse_021.mp3,"Ne ame dzɔdzɔe ɖu dzi la, dzidzɔkpɔkpɔ teƒe mekɔna o, ke ne ame vɔ̃ɖi zu fia la, amewo sina bena." data/train/PRO/PRO_019_Verse_020.mp3,"Nu geɖewo ame ɖo ɖe eƒe dzi me, gake Yehowa ƒe ɖoɖo koe vaa eme." data/train/PRO/PRO_014_Verse_023.mp3,"Ne nyiwo meli o la, nyikpo me ɖia gbɔlo, ke woxaa nuku geɖe to nyitsu ƒe ŋusẽ me." data/train/PRO/PRO_002_Verse_000.mp3,Ale àto ame nyuiwo ƒe mɔwo dzi eye àlé ame dzɔdzɔewo ƒe mɔwo ɖe asi. data/train/PRO/PRO_021_Verse_013.mp3,Fia la ƒe dzi le Yehowa ƒe asi me; efiaa mɔe wòtoa afi sia afi si wòlɔ̃ la abe ale si woɖea toƒe na tsi si si tso tsidzɔtsoƒe ene. data/train/PRO/PRO_030_Verse_021.mp3,"“Nu etɔ̃ li siwo wɔ nuku nam akpa, eye nyemese enelia gɔme o:" data/train/PRO/PRO_004_Verse_003.mp3,"Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eyae nye agbe ƒe vudo." data/train/PRO/PRO_018_Verse_023.mp3,"Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie." data/train/PRO/PRO_025_Verse_027.mp3,Ɖe ame vɔ̃ɖi ɖa le fia la ŋkume ekema eƒe fiazikpui ali ke to dzɔdzɔenyenye me. data/train/PRO/PRO_008_Verse_019.mp3,Menɔ afi ma hafi wòtsɔ dziƒowo ɖo wo nɔƒe eye wòdzidze dzite da ɖe gogloƒewo tame. data/train/PRO/PRO_008_Verse_006.mp3,"Esi wòɖo lilikpowo ɖe dziƒo, eye wòli ke tɔ goglowo ƒe dzɔtsoƒe," data/train/PRO/PRO_005_Verse_004.mp3,Elabena ame sia ame ƒe mɔ le ƒuƒlu le Yehowa ŋkume eye wòdoa woƒe mɔwo katã kpɔ. data/train/PRO/PRO_012_Verse_021.mp3,"Nyateƒenuyiwo nɔa anyi ɖikaa, ke alakpaɖe nu mesena yina o." data/train/PRO/PRO_016_Verse_019.mp3,"Ne fia ɖo mo kɔkɔe la, egɔmee nye agbe eye eƒe amenuveve le abe tsiɖoɖo le adame ene." data/train/PRO/PRO_013_Verse_011.mp3,Ame ƒe kesinɔnuwo ate ŋu aƒle eƒe agbe ta gake ame dahe mesea ŋɔdzidoname aɖeke o. data/train/PRO/PRO_004_Verse_005.mp3,"elabena ne womewɔ nu vɔ̃ɖi o kpaa, womedɔa alɔ̃ o eye womedɔa akɔlɔ̃e teti hã o va se ɖe esime woana ame aɖe nadze anyi." data/train/PRO/PRO_009_Verse_005.mp3,"Fia nu nunyala, aganya nu ɖe edzi wu, fia nu ame dzɔdzɔe eye agasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wònya xoxo la ŋuti." data/train/PRO/PRO_027_Verse_008.mp3,ekema alẽviawo ana avɔ wò eye gbɔ̃wo anye ga si nàtsɔ aƒle agblee. data/train/PRO/PRO_021_Verse_031.mp3,Ŋutsu ƒe mɔwo katã dzea eŋu gake Yehowae daa dziwo kpɔ. data/train/PRO/PRO_008_Verse_032.mp3,"Wodzim esime atsiaƒuwo menɔ anyi o, eye vudo siwo dzia tsi fũu la hã menɔ anyi o." data/train/PRO/PRO_017_Verse_027.mp3,"Zãnu nye kpe xɔasi na ame si nae, afi sia afi si wòayi la, edzea dzi nɛ." data/train/PRO/PRO_027_Verse_007.mp3,"Dziku la ŋutasẽlae eye dɔmedzoe la agbodzelae, ke ame ka ate ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?" data/train/PRO/PRO_022_Verse_006.mp3,"elabena edoa dzidzɔ na ame ne èɣla wo ɖe wò dzi me, eye wo katã nanɔ klalo le wò nuyiwo dzi." data/train/PRO/PRO_003_Verse_020.mp3,"Mèganye nunyala le wò ŋutɔ wò ŋkume o, ke boŋ vɔ̃ Yehowa eye nàtsri vɔ̃." data/train/PRO/PRO_004_Verse_020.mp3,"Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu eye nàƒu to anyi ɖe nya si gblɔm mele la ŋu." data/train/PRO/PRO_008_Verse_007.mp3,"esi wòɖo liƒo na atsiaƒu be eƒe tsiwo magbɔ teƒe si wòde se be woase la dzi o eye wòɖo anyigba gɔme la, medzɔ xoxo." data/train/PRO/PRO_012_Verse_023.mp3,"Wokafua ame le nunya si le esi la ta, ke wodoa vlo ŋutsu tagbɔ kuku tɔwo." data/train/PRO/PRO_009_Verse_000.mp3,“Ame si le nya gbem na fewuɖula la le eƒe dzu dɔm eye ame si ka mo na ame vɔ̃ɖi la xɔa dzudzu. data/train/PRO/PRO_014_Verse_026.mp3,"Nyɔnu nyanu tua eya ŋutɔ ƒe xɔ, ke nyɔnu bometsila ya tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi vuvua xɔ si wòtu la kɔna ɖe anyi." data/train/PRO/PRO_005_Verse_005.mp3,"elabena nyɔnu ahasitɔ ƒe nuyiwo le anyitsi tsyɔm, eye eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami" data/train/PRO/PRO_012_Verse_005.mp3,"Ame si ŋlɔ eƒe agble la akpɔ nuɖuɖu geɖe, ke ame si kplɔa blezibledi ɖo la, numanyalae." data/train/PRO/PRO_017_Verse_026.mp3,"Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣeawo katã ɣi, ke wodzi nɔviŋutsu hena hiãgbe." data/train/PRO/PRO_025_Verse_016.mp3,"Mègaƒo afɔɖi hawòvi ƒe aƒe me o, ne èle egbɔ dem kabakaba la, ava tsri wò." data/train/PRO/PRO_012_Verse_026.mp3,"Yehowa lé fu alakpanuyiwo, ke ekpɔa dzidzɔ ɖe ame siwo toa nyateƒe la ŋu." data/train/PRO/PRO_024_Verse_021.mp3,"Ne ègblɔ be, “Míenya naneke tso nu sia ŋuti o” la, ɖe ame si daa dziwo kpɔ la menyae oa? Ɖe wòle nyanya na ame si kpɔa wò agbe ta? Ɖe maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu oa?" data/train/PRO/PRO_016_Verse_014.mp3,"Fɔɖiɖi menɔa ame ŋutɔ ƒe mɔwo ŋu le eya ŋutɔ ƒe ŋkume o, ke Yehowa daa susuwo kpɔ." data/train/PRO/PRO_019_Verse_000.mp3,Agbe vivi nɔnɔ medze bometsila ʋuu keke wòahanye be kluvi ɖu aƒetɔ ɖe dumegãwo dzi o. data/train/PRO/PRO_005_Verse_001.mp3,Aku le ɖokuidzimaɖumaɖu ta eye eƒe bometsitsi gã la akplɔe atrae. data/train/PRO/PRO_021_Verse_007.mp3,Ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ahe wo adzoe elabena wogbe be yewomawɔ nu nyui o. data/train/PRO/PRO_001_Verse_021.mp3,"ne míamii agbagbee abe tsiẽƒe ene, eye míamii blibo abe ame siwo ge dze ʋe globo me ene" data/train/PRO/PRO_007_Verse_022.mp3,"Nye aƒetɔ mele aƒe o, ezɔ mɔ didi aɖe." data/train/PRO/PRO_010_Verse_016.mp3,"Fuléle hea mama vɛ, gake lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi." data/train/PRO/PRO_014_Verse_033.mp3,Yehowa vɔvɔ̃e nye agbe ƒe vudo eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me. data/train/PRO/PRO_023_Verse_013.mp3,eye tsɔ hɛ ɖo wò ve dzi ne ènye nutsuɖula. data/train/PRO/PRO_020_Verse_001.mp3,"Ame ka ate ŋu agblɔ bena, “Mewɔ nye dzi dzadzɛe, ŋutinye kɔ eye vɔ̃ mele ŋutinye o?”" data/train/PRO/PRO_017_Verse_025.mp3,"Wobua bometsila gɔ̃ hã nunyalae nenye be ezi ɖoɖoe, eye wobunɛ sidzelae ne ekpɔ eƒe aɖe dzi nyuie." data/train/PRO/PRO_009_Verse_011.mp3,"“Mi bebewuwo katã mige ɖe eme le afii!” Egblɔ na numanyalawo be," data/train/PRO/PRO_021_Verse_021.mp3,"Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzroa ame vɔ̃ɖi vevie, mekpɔa nublanui na ehavi o." data/train/PRO/PRO_003_Verse_034.mp3,ɖo ŋu ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi ekema awɔ wò toƒewo dzɔdzɔe. data/train/PRO/PRO_027_Verse_001.mp3,"Abe ale si ga nyrea ga ene la, nenema kee ame nyrea amee." data/train/PRO/PRO_003_Verse_012.mp3,Esia ahe dɔyɔyɔ vɛ na wò ŋutilã kple nunyiame vɛ na wò ƒuwo. data/train/PRO/PRO_009_Verse_002.mp3,elabena to dzinye wò ŋkekewo adzi ɖe edzi fũu eye woatsɔ ƒewo akpe wò agbenɔƒewo. data/train/PRO/PRO_023_Verse_033.mp3,Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔ manyatalenuwo eye wò susu anɔ nu baɖabaɖawo susum. data/train/PRO/PRO_030_Verse_031.mp3,"woawoe nye, yɔdo, vidzidɔ si tsi ko, anyigba si tsi meɖia kɔ na o, kple dzo si megblɔna gbeɖe be, ‘Enyo gbɔ!’ o." data/train/PRO/PRO_026_Verse_020.mp3,"Kuviatɔ tsɔ eƒe asi de nuɖugba me gake kuvia ɖoe ale gbegbe be, edede nu me zu dɔ nɛ." data/train/PRO/PRO_020_Verse_017.mp3,"Nuɖuɖu si wokpɔ to amefuflu me la vivina na ŋutsu, gake le nuwuwu la, eƒe nu me yɔna kple kpekui sɔŋ." data/train/PRO/PRO_030_Verse_001.mp3,"Ame kae lia yi dziƒo gagbɔ kpɔ? Ame kae lɔ ya ɖe eƒe asiƒome? Ame kae bla tsiwo katã ɖe eƒe awu ʋlaya me? Ame kae ɖo anyigba ƒe mlɔenu ke anyi? Eŋkɔ ɖe, via ŋkɔ ɖe? Gblɔe nam, ne ènyae!" data/train/PRO/PRO_012_Verse_020.mp3,"Nya vlowo ƒona ɖe ame abe yi ene, ke ame dzɔdzɔe ƒe aɖe hea dɔyɔyɔ vɛ." data/train/PRO/PRO_012_Verse_016.mp3,"Kuviatɔ memea eƒe adelã o, ke nunyala léa be na eƒe nunɔamesiwo." data/train/PRO/PRO_003_Verse_006.mp3,elabena nunya xɔ asi wu klosalo eye viɖe geɖe le eme wu sika. data/train/PRO/PRO_010_Verse_023.mp3,"Nunya le nugɔmeselawo ƒe nuyi dzi, ke ameƒoti adze dzime na numanyalawo." data/train/PRO/PRO_016_Verse_027.mp3,"Ta si ƒo wɔ la nye atsyɔ̃fiakuku, agbe dzɔdzɔe nɔnɔe henɛ vɛ." data/train/PRO/PRO_012_Verse_009.mp3,"Ame ƒe nu ƒe kutsetse hea nu nyuiwo vɛ nɛ taŋtaŋtaŋ, eye enye nyateƒe be dɔ si ame tsɔ eƒe asi wɔ lae hea viɖe vɛ nɛ." data/train/PRO/PRO_003_Verse_000.mp3,"Agbe didi le eƒe ɖusi ƒe asi me, eye kesinɔnuwo kple bubu le eƒe miasi ƒe asi me." data/train/PRO/PRO_024_Verse_027.mp3,"tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene, eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene." data/train/PRO/PRO_029_Verse_010.mp3,Èkpɔ ame si ƒoa nu blablablaa? Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea gɔ̃ hã. data/train/PRO/PRO_004_Verse_004.mp3,"efia num hegblɔ be, “Ku ɖe nye nyawo ŋu kple wò dzi katã, lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe." data/train/PRO/PRO_018_Verse_003.mp3,"Ame si si xɔlɔ̃ geɖe le la ate ŋu awu nu le gbegblẽ me, gake xɔlɔ̃ aɖe li si kuna ɖe ame ŋu wu dadavi gɔ̃ hã." data/train/PRO/PRO_006_Verse_032.mp3,Ƒoƒo kple kɔ kple vlododo nye etɔ gome eye womaɖe eƒe ŋukpe ɖa akpɔ gbeɖe o data/train/PRO/PRO_008_Verse_013.mp3,"Hafi wòava wɔ anyigba alo gbegbe alo anyigbadziʋuʋudediwo gɔ̃ hã la, wodzim xoxo." data/train/PRO/PRO_012_Verse_001.mp3,Ame dzɔdzɔe léa be na eƒe lãwo ke dɔmenyo siwo ame vɔ̃ɖiwo ya wɔna la nye ŋutasesẽ. data/train/PRO/PRO_030_Verse_028.mp3,"“Vinyɔnu eve le axɔ̃ si, wole avi fam be, ‘Nam! Nam!’ “Nu etɔ̃ li siwo nu meɖia ƒo na gbeɖe o, eye enelia megblɔna be, ‘Enyo gbɔ!’ o:" data/train/PRO/PRO_019_Verse_028.mp3,"Ƒo fewuɖula kple ati, ekema gegemewo adze nunya; ka mo na ame si si sidzedze le, ekema gɔmesese asu esi." data/train/PRO/PRO_006_Verse_030.mp3,"Womedoa vlo fiafitɔ ne efi fi be wòatsɔ atsi eƒe dɔwuame nu, ne dɔ la ewum o" data/train/PRO/PRO_030_Verse_015.mp3,"“Mègagblẽ dɔla ŋu na eƒe aƒetɔ o, ne menye nenema o la, ado ɖiŋu na wò eye nàkpe fu ɖe eta." data/train/PRO/PRO_011_Verse_025.mp3,"To dzɔdzɔetɔ ƒe yayra dzi wodoa du ɖe dzi, ke wotsrɔ̃nɛ to ame vɔ̃ɖi ƒe nu dzi." data/train/PRO/PRO_012_Verse_003.mp3,"Ame dzɔdzɔe ɖoa ŋu ɖo le xɔlɔ̃wɔwɔ me, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae." data/train/PRO/PRO_024_Verse_011.mp3,Ke eme anyo na ame siwo abu fɔ agɔdzela eye yayra gãwo ava wo ameawo dzi. data/train/PRO/PRO_003_Verse_023.mp3,"Mègaɖo vɔ̃ ɖe wò aƒelika, ame si le gbɔwò le anukwareɖiɖi me la ŋu o." data/train/PRO/PRO_012_Verse_014.mp3,"Dzɔgbevɔ̃e medzɔna ɖe ame dzɔdzɔe dzi o, ke ame vɔ̃ɖiwo la, xaxa yɔa wo me fũu." data/train/PRO/PRO_011_Verse_022.mp3,"Ne ame vɔ̃ɖi ku la, eƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃na, nu siwo katã wòle mɔ kpɔm na tso eƒe ŋusẽ me la zua tofloko." data/train/PRO/PRO_030_Verse_020.mp3,"“Nu ene le anyigba dzi le sue, gake woƒe nunya gbɔ metsɔ o:" data/train/PRO/PRO_003_Verse_019.mp3,"Mègagblɔ na wò aƒelika be, “Yi nàtrɔ va, etsɔ matsɔe na wò” esi wòle asiwò fifia o." data/train/PRO/PRO_027_Verse_027.mp3,"Ƒoɖila doa vlo anyitsi, ke hena dɔwuitɔ la, nu veve gɔ̃ hã vivina nɛ." data/train/PRO/PRO_017_Verse_014.mp3,Dzregɔmetoto le abe ale si woŋɔa tɔʋu ene; eya ta ɖe asi le nya ŋu hafi wòava zu dzre. data/train/PRO/PRO_031_Verse_021.mp3,"Nyonyo la, beblee, eye tugbedzedze nu hã va yina kaba; gake woakafu nyɔnu si vɔ̃a Yehowa." data/train/PRO/PRO_012_Verse_000.mp3,"Agbe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ me, makumaku le mɔ ma dzi." data/train/PRO/PRO_020_Verse_018.mp3,"Sika li, adzagba hã li fũu gake nuyi siwo gblɔa nunyanya la, kpe xɔasi veviwo wonye." data/train/PRO/PRO_023_Verse_003.mp3,Ame kae le hũu ɖem? Ame kae le veve sem? Ame kae le nu xam? Ame kae le eƒe nuteɖeamedziwo gblɔm? Ame kae xɔ abi yakatsyɔ? Ame ka ƒe ŋkue biã abe ʋu ene? data/train/PRO/PRO_020_Verse_023.mp3,"Yehowa fiaa afɔɖeɖe ame, ke aleke ame aɖe awɔ ase eya ŋutɔ ƒe mɔwo gɔme?" data/train/PRO/PRO_002_Verse_011.mp3,"elabena nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze ado dzidzɔ na wò luʋɔ." data/train/PRO/PRO_006_Verse_013.mp3,gake le dzomeŋɔli la eƒoa eƒe nuhiahiãwo nu ƒu eye wòƒoa eƒe nuɖuɖu nu ƒu le nuŋeɣi. data/train/PRO/PRO_025_Verse_010.mp3,"Enyo be wòagblɔ na wò be, “Va dzime le afii” wu be wòaɖiɖi wò le bubumewo ŋkume. Nu si nèkpɔ kple wò ŋkuwo la," data/train/PRO/PRO_028_Verse_002.mp3,"Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la anɔ dedie, ke ame si ƒe mɔwo to vo la adze anyi kpata." data/train/PRO/PRO_030_Verse_022.mp3,"“Nu etɔ̃ tee anyigba ʋuʋuna le kpekpekpe, eye le enelia te ya la, mate ŋu atsɔe o:" data/train/PRO/PRO_027_Verse_018.mp3,"Na ame bubu nakafu wò, ke menye wò ŋutɔ wò nu o, ame bubu newɔe, menye wò ŋutɔ wò nuyiwo o." data/train/PRO/PRO_013_Verse_025.mp3,"Vi nyanu ɖoa to fofoa ƒe amehehe, ke fewuɖula metsɔa ɖeke le mokaname me o." data/train/PRO/PRO_019_Verse_005.mp3,"Ame si nyo dɔ me na hiãtɔ la, do nugbana na Yehowa, aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ." data/train/PRO/PRO_027_Verse_013.mp3,Ku kple tsiẽƒe meɖia ƒo gbeɖe o nenema kee nye ame ƒe ŋku. data/train/PRO/PRO_015_Verse_004.mp3,Ame siwo wole fu wɔmii la ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃ gake dzi si me dzidzɔ le la tua aglo atraɖii. data/train/PRO/PRO_005_Verse_008.mp3,"Eyae nye zinɔ lɔlɔ̃a kple sãde dzeani la, eƒe nowo neɖi kɔ na wò ɣe sia ɣi, eye eƒe lɔlɔ̃ nede dzo mewò ɖaa." data/train/PRO/PRO_029_Verse_021.mp3,"Nu ɖeka sia le hiãtɔ kple ameteɖetola siaa si, Yehowae wɔ ŋku na wo ame evea." data/train/PRO/PRO_005_Verse_007.mp3,"eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom, migaƒo asa na nu si megblɔ na mi o." data/train/PRO/PRO_003_Verse_030.mp3,Woanye agbe na wò kple kɔga aɖo atsyɔ̃ na wò kɔ. data/train/PRO/PRO_031_Verse_005.mp3,Ekpɔa egbɔ be yeƒe asitsatsa ɖe vi geɖe eye yeƒe akaɖi metsina le zã me o. data/train/PRO/PRO_005_Verse_014.mp3,"Miaƒe toƒewo nete ɖa xaa tso egbɔ, migagogo eƒe aƒe ƒe agbonu o," data/train/PRO/PRO_004_Verse_019.mp3,Nusɔsrɔ̃ deto mele mia nam eya ta migagbe nye nufiafia o. data/train/PRO/PRO_003_Verse_001.mp3,"Asixɔxɔ le eŋu wu adzagba eye nu siwo katã dim nèle la, ɖeke mesɔ kplii o." data/train/PRO/PRO_005_Verse_006.mp3,Esusɔ vie donyeme nagblẽ keŋkeŋ le ameha la katã dome.” data/train/PRO/PRO_014_Verse_005.mp3,"Ame si vɔ̃a Yehowa la, mɔ sesẽ aɖe le esi eye wòanye bebeƒe na viawo." data/train/PRO/PRO_014_Verse_035.mp3,"Ɖasefo nyateƒetɔ ɖea ame geɖewo ƒe agbe, ke aʋatsoɖasefo nye ameblela." data/train/PRO/PRO_028_Verse_008.mp3,"Ame si ɖoa dzi ɖe eɖokui ŋu la, bometsilae, ke ame si zɔna le nunya me la anɔ dedie." data/train/PRO/PRO_015_Verse_008.mp3,"Dzi si me dzidzɔ le la nana mo klẽna, gake dzi si le veve sem la gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu." data/train/PRO/PRO_031_Verse_002.mp3,Edia ɖetifu kple avemeka eye wòwɔa dɔ kple eƒe asiwo faa. data/train/PRO/PRO_001_Verse_020.mp3,"na nunya kple amehehe, na nya goglowo gɔmesese," data/train/PRO/PRO_009_Verse_004.mp3,"Etrɔ asi le eƒe lã si wòwu ŋu, tɔtɔ eƒe wain, eye wòɖo eƒe kplɔ̃ hã." data/train/PRO/PRO_011_Verse_021.mp3,"Ne ame dzɔdzɔewo xɔ wo tɔ gome le anyigba dzi la, ekema aleke wòahanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo!" data/train/PRO/PRO_008_Verse_005.mp3,"Ele tsitre ɖe dua ƒe agbowo ƒe mɔ xa kple agbo la me le ɣli dom sesĩe be," data/train/PRO/PRO_031_Verse_012.mp3,Eʋua asi na ame dahewo eye wòdoa asi ɖe hiãtɔwo gbɔ. data/train/PRO/PRO_023_Verse_014.mp3,"Kasia wò ŋku nabe yeato kesinɔnuwo dzi la, wo nu va yi xoxo elabena woato aʋala godoo eye woadzo adzo ayi ɖe dziƒo ʋĩi abe hɔ̃ ene." data/train/PRO/PRO_031_Verse_008.mp3,Elɔ̃a abadzivɔ na eƒe aba eye wòdoa aklala biɖibiɖi ƒe awu kple awu blɔ. data/train/PRO/PRO_023_Verse_005.mp3,Ànɔ abe ame si mlɔ atsiaƒu gbana dzi alo ame si mlɔ abala dzi ene. data/train/PRO/PRO_022_Verse_000.mp3,"Ale be nàɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, esia ta mele nu fiam wò ɖo egbea, ɛ̃, wòe mele nu fiam." data/train/PRO/PRO_022_Verse_026.mp3,"Ŋu kple mɔkawo le ame vɔ̃ɖi la ƒe mɔ dzi, ke ame si dzɔ eƒe luʋɔ ŋuti la, ate ɖa xaa tso wo gbɔ." data/train/PRO/PRO_017_Verse_007.mp3,"Ame si si sidzedze su la nya vlowo medona le enu o eye ame si si gɔmesese le la ɖɔa ŋu ɖo, medoa dziku dzodzro o." data/train/PRO/PRO_003_Verse_008.mp3,elabena Yehowa anye wò dzideƒo eye mana wò afɔ naɖo mɔ me o. data/train/PRO/PRO_031_Verse_010.mp3,Ewɔa dɔ kple ŋkubiã eye eƒe alɔwo sẽna ɖe eƒe dɔwo ŋu. data/train/PRO/PRO_001_Verse_002.mp3,Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta kple kɔga anɔ kɔwò. data/train/PRO/PRO_028_Verse_010.mp3,"Ame vɔ̃ɖi la léa du tsɔna, evɔ ame aɖeke menyae ɖe du nu o, ke dzi le ame dzɔdzɔe ƒo abe dzata ene." data/train/PRO/PRO_021_Verse_027.mp3,"Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋakpegbe ŋu, gake Yehowa ƒe asimee dziɖuɖu ya le." data/train/PRO/PRO_011_Verse_016.mp3,"Dukɔ aɖe dzea anyi, ne mɔfiala meli o, ke dziɖuɖu vana to aɖaŋuɖola geɖewo dzi." data/train/PRO/PRO_020_Verse_024.mp3,Yehowa lé fu nudakpe vovovo eve kple nudzidzenu vovovo eve siaa. data/train/PRO/PRO_025_Verse_024.mp3,Ŋutsu nunyala ƒe mokaname le na to si le esem la abe sikatogɛ alo sikatsyɔ̃ɖonu aɖe ene. data/train/PRO/PRO_027_Verse_026.mp3,"Xɔ avɔ le ame si da megbe na amedzro la si, tsɔe de awɔba me, ne eda megbe na nyɔnu ahasitɔ." data/train/PRO/PRO_025_Verse_014.mp3,Mègado ɖokuiwò ɖe dzi le fia la ŋkume o eye mègaʋli nɔƒe le amegãwo dome o. data/train/PRO/PRO_014_Verse_030.mp3,Te ɖa le bometsila gbɔ elabena màkpɔ gɔmesese le eƒe nu me o. data/train/PRO/PRO_008_Verse_036.mp3,"Ɖo to nye sededewo eye nàdze nunya, mègado tokue o." data/train/PRO/PRO_003_Verse_031.mp3,Woayra ame si ke ɖe nunya ŋu kple ame si si gɔmesese su data/train/PRO/PRO_030_Verse_030.mp3,"woawoe nye, dɔla si va zu fia, bometsila si si nuɖuɖu bɔ ɖo fũu," data/train/PRO/PRO_008_Verse_004.mp3,elabena nunya xɔ asi wu adzagba eye nu siwo dim wò dzi le la ƒe ɖeke mesɔ kplii o. data/train/PRO/PRO_014_Verse_001.mp3,"Ame si do vlo ehavi la wɔ nu vɔ̃, ke woayra ame si nyo dɔ me na hiãtɔ." data/train/PRO/PRO_026_Verse_017.mp3,"Eƒe susu baɖa aɣla ɖe beble megbe, gake woaʋu go eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le amehawo dome." data/train/PRO/PRO_009_Verse_007.mp3,"le ame siwo va le eme tsom la yɔm, ame siwo lé woƒe mɔ tsɔ tẽe be," data/train/PRO/PRO_002_Verse_017.mp3,"ne ètrɔ to ɖe nunya ŋu hetsɔ wò dzi na gɔmesese," data/train/PRO/PRO_015_Verse_017.mp3,"Nunyalawo ƒe agbemɔ ɖo ta dzi, be wòakpe ɖe eŋu magaɖiɖi ayi ɖe tsiẽƒe o." data/train/PRO/PRO_010_Verse_020.mp3,"Ne ahomya ƒo va yi la, ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, ke ame dzɔdzɔe ya anɔ te sesĩe ɖaa." data/train/PRO/PRO_029_Verse_016.mp3,"Ne dziɖula ɖo to beblenyawo la, eƒe dɔnunɔlawo katã zua ŋutasẽlawo." data/train/PRO/PRO_010_Verse_006.mp3,"Ame dzɔdzɔe ƒe nuyiwo nya nya dzeto gbɔgblɔ, gake ame vɔ̃ɖi ƒe nu gblɔa nya tovowo." data/train/PRO/PRO_004_Verse_000.mp3,Atsɔ amenuveve aɖɔ na wò ta abe seƒoƒotsihe ene eye wòatsɔ atsyɔ̃fiakuku aɖɔ na wò.” data/train/PRO/PRO_002_Verse_016.mp3,"ne èdii abe klosalo alo kesinɔnu si woɣla ene la," data/train/PRO/PRO_023_Verse_004.mp3,"Ame siwo tsia wainze te la tɔe, ame siwo yina ɖaɖɔa wain si wotɔtɔ kpɔ la tɔe." data/train/PRO/PRO_029_Verse_025.mp3,"Vɔvɔ̃ si le ame aɖe me lae nyea mɔ nɛ, ke ame si ka ɖe Yehowa dzi la nɔa dedie." data/train/PRO/PRO_018_Verse_018.mp3,"Nu si bometsila ƒe nu gblɔ la, metso eya ŋutɔ gbɔ o, eye eƒe nuyi nye mɔka na eƒe luʋɔ." data/train/PRO/PRO_026_Verse_000.mp3,"Abe ale si aka léa dzo eye nake doa dzo ene la, nenema ŋutsu dzretɔ ƒlɔa dzre ɖoe." data/train/PRO/PRO_005_Verse_000.mp3,"Àgblɔ be, “Metsri amehehe kɔkɔkɔ! Eye nye dzi do vlo ɖɔɖɔɖo!" data/train/PRO/PRO_007_Verse_010.mp3,"eya ta va, míano lɔlɔ̃ wòasu mí va se ɖe ŋdi, na míatsɔ lɔlɔ̃ ado vivi ɖe mía ɖokuiwo ŋu!" data/train/PRO/PRO_010_Verse_022.mp3,"Nunya dona tso dzɔdzɔetɔ la ƒe nu me, gake woalã alakpaɖe la ɖa." data/train/PRO/PRO_023_Verse_034.mp3,"Ƒle nyateƒe la eye mègadzrae o; ƒle nunya, amehehe kple gɔmesese." data/train/PRO/PRO_004_Verse_025.mp3,"Ɖe nya dzodzrowo ɖa le wò nu me, eye te aʋatsonyawo ɖa xaa tso wò nuyiwo gbɔ." data/train/PRO/PRO_026_Verse_011.mp3,"Ame baɖa tsɔa eƒe nuyi trɔa eɖokui bubue, gake eɣlaa beble ɖe eƒe dzi me." data/train/PRO/PRO_003_Verse_004.mp3,Ekema àlé wò mɔ atsɔ le dedinɔnɔ me eye wò afɔ maɖiɖi o. data/train/PRO/PRO_021_Verse_003.mp3,"Ame si tia dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ la, tia agbe, dzidzedze kple bubu." data/train/PRO/PRO_011_Verse_010.mp3,"Ame si ti nyui yome la, amewo adi nyui nɛ gake vɔ̃ vana na ame si le vɔ̃ dim." data/train/PRO/PRO_016_Verse_005.mp3,Ame vɔ̃ɖi dea dzre aƒe eye amenyagblɔla maa xɔlɔ̃ veviwo dome. data/train/PRO/PRO_030_Verse_016.mp3,"Mègatsɔ nya kpe eƒe nyawo o, ne menye nenema o la, aka mo na wò eye woakpɔe be ènye alakpatɔ." data/train/PRO/PRO_011_Verse_007.mp3,"Ame si de megbe na ame bubu la akpe fu, ke ame si gbe akpesisi abe ŋugbedodo ƒe dzesi ene la anɔ dedie." data/train/PRO/PRO_028_Verse_012.mp3,Amedzidede menyo o gake ame ayi aɖawɔ vɔ̃ ɖe abolo kakɛ ta. data/train/PRO/PRO_006_Verse_027.mp3,"Wò, kuviatɔ va se ɖe ɣe ka ɣi nàmlɔ afi ma? Ɣe ka ɣi nànyɔ tso alɔ̃ me?" data/train/PRO/PRO_022_Verse_022.mp3,Woayra ame si nyoa dɔ me na amewo elabena emaa eƒe nuɖuɖu kple ame dahewo. data/train/PRO/PRO_001_Verse_012.mp3,"eya ta de mía dzi ale be míana gakotoku ɖeka wò” la," data/train/PRO/PRO_020_Verse_028.mp3,Ŋutsu geɖewo gblɔna be lɔlɔ̃ matrɔ le yewo si gake ame ka ate ŋu akpɔ ŋutsu nuteƒewɔla? data/train/PRO/PRO_010_Verse_001.mp3,"Afi si nya geɖe le la, nu vɔ̃ megbea afi ma nɔnɔ o, ke ame si lé eƒe aɖe la, nunyalae." data/train/PRO/PRO_004_Verse_002.mp3,"Dze nunya, di gɔmesese, mègaŋlɔ nye nyawo be alo aƒo asa na wo o." data/train/PRO/PRO_008_Verse_008.mp3,"Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe siwo le mɔto la tame, afi si afɔmɔwo do go le." data/train/PRO/PRO_017_Verse_015.mp3,Dɔla nyanu aɖu aƒetɔ ɖe viŋutsu ŋukpenanuwɔla dzi eye ama domenyinu la kpli wo abe wo nɔviŋutsu wònye ene. data/train/PRO/PRO_001_Verse_009.mp3,elabena woƒe afɔ ɖea abla ɖe nu vɔ̃ ŋu eye wogona ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu. data/train/PRO/PRO_025_Verse_003.mp3,Ame dzɔdzɔe si na mɔ ame vɔ̃ɖi la le abe tsitsetse si me blu alo vudo si me wolɔ gbe kɔ ɖo la ene. data/train/PRO/PRO_004_Verse_018.mp3,"Nunya ƒo nuwo katã ta eya ta dze nunya. Togbɔ be wò nunɔamesiwo katã nàtsɔ aƒlee hã la, di gɔmesese." data/train/PRO/PRO_006_Verse_028.mp3,"Wò, kuviatɔ, yi anyidi gbɔ; kpɔ eƒe mɔwo ɖa, eye nàdze nunya!" data/train/PRO/PRO_011_Verse_030.mp3,"Yehowa tsri nudanu amebatɔ, ke nudakpe si de blibo la nye eƒe dzidzɔ." data/train/PRO/PRO_019_Verse_029.mp3,"Ɖo to aɖaŋuɖoɖo, nàxɔ amehehe eye le nuwuwua la, àdze nunya." data/train/PRO/PRO_020_Verse_027.mp3,Yehowa ƒe akaɖi kpɔa ame ƒe gbɔgbɔ me eye wòdzroa eƒe ememe ke kpɔ. data/train/PRO/PRO_012_Verse_015.mp3,"Enyo be nànye ame tsɛ aɖe ko eye subɔla nanɔ asiwò, wu be nàwɔ ɖokuiwò amegãe eye nuɖuɖu manɔ asiwò o." data/train/PRO/PRO_023_Verse_025.mp3,"Mègaɖɔ wain kpɔ ne ebiã dzẽe, ne ele fu tsɔm le kplu me, ne eto vetome heɖiɖi ɖe dɔ me o!" data/train/PRO/PRO_031_Verse_016.mp3,Mègagblẽ wò ŋusẽ ɖe nyɔnuwo ŋu kple wò lãmeka ɖe ame siwo gblẽa fiawo dome la ŋu o. data/train/PRO/PRO_014_Verse_034.mp3,"Ɖasefo nyateƒetɔ meblea ame o, ke aʋatsoɖasefo ya trɔa alakpa kɔna ɖi glẽglẽglẽ." data/train/PRO/PRO_019_Verse_026.mp3,Woɖo tohehe ɖi na fewuɖulawo eye woɖo ƒoƒo ɖi na bometsilawo ƒe dzime. data/train/PRO/PRO_030_Verse_009.mp3,"Fia mele ʋetsuviwo si o, gake woƒe ha blibo la yia teƒewo le ɖoɖo me;" data/train/PRO/PRO_028_Verse_014.mp3,"Dziɖula tamesesẽtɔ menyaa nu o, ke ame si lé fu kesinɔnu ƒoɖi la anɔ agbe didi, ase vivi." data/train/PRO/PRO_021_Verse_010.mp3,"Ele nu dzrom ŋkeke blibo la, ke ame dzɔdzɔe la nana faa, eye metea ame o." data/train/PRO/PRO_030_Verse_000.mp3,"“Ame aɖewo li, siwo doa ɖiŋu na wo fofowo eye womeyraa wo dadawo hã o;" data/train/PRO/PRO_013_Verse_019.mp3,"Gɔmesese nyui hea amenuveve vanɛ, ke nuteƒemawɔlawo ƒe mɔ dzi sesẽna." data/train/PRO/PRO_030_Verse_003.mp3,"ame siwo si ŋku gã le ɣe sia ɣi, eye wokpɔa ame ɖeƒomevie;" data/train/PRO/PRO_006_Verse_034.mp3,Ɖe ŋutsu aɖe aɖe dzo ɖe atata eye eƒe awuwo nagbe fiafia? data/train/PRO/PRO_031_Verse_004.mp3,"Efɔna ne ŋu mekpɔ ke o, edia nuɖuɖu na eƒe ƒometɔwo eye wòmaa dɔ na eƒe dɔlanyɔnuwo." data/train/PRO/PRO_027_Verse_022.mp3,"Sonu li na klosalo, eye dzokpo li na sika, gake wodoa ame kpɔ to kafukafu si wotsɔ nɛ la dzi." data/train/PRO/PRO_007_Verse_027.mp3,"“Ŋutifafavɔsa le aƒenye me, egbe mexe nye adzɔgbeɖefewo o," data/train/PRO/PRO_008_Verse_025.mp3,Nye numenyawo katã le dzɔdzɔe; ɖeke meglɔ̃ alo nye ayemenya o. data/train/PRO/PRO_004_Verse_023.mp3,Woɖua vɔ̃ɖinyenye ƒe abolo eye wonoa nu sesẽ wɔwɔ ƒe wain. data/train/PRO/PRO_011_Verse_001.mp3,"Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse nye agbeti, eye ame si ɖea luʋɔwo la, nunyalae." data/train/PRO/PRO_007_Verse_019.mp3,"Mewu lifi, anowɔtre kple ami ʋeʋĩ vovovowo ɖe nye aba dzi," data/train/PRO/PRO_004_Verse_013.mp3,"Mègagbe nu le nunya gbɔ o ekema adzɔ ŋuwò, lɔ̃e ekema akpɔ tawò." data/train/PRO/PRO_015_Verse_003.mp3,"Ame si ɖoa to mokaname si hea agbe vɛ la, ƒe dzi adze eme le nunyalawo dome." data/train/PRO/PRO_001_Verse_008.mp3,elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu wo eye bometsilawo ƒe ɖekematsɔleme atsrɔ̃ wo. data/train/PRO/PRO_021_Verse_029.mp3,"Ŋutsu dadala, ɖokuiŋudzela, si wɔa nu tovo kple dada la, eyae woyɔna be, “Fewuɖula.”" data/train/PRO/PRO_003_Verse_021.mp3,Mègatsɔ nya ɖe ame aɖeke ŋu dzodzro esi mewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o. data/train/PRO/PRO_020_Verse_012.mp3,"Mègalɔ̃ alɔ̃ tsu dɔdɔ o, ne menye nenema o la, àva zu hiãtɔ, nɔ ŋu ekema àɖu nu wòasusɔ." data/train/PRO/PRO_029_Verse_006.mp3,Ame si wɔ ɖeka kple fiafitɔ la nye eya ŋutɔ ƒe futɔ; wonana wòkaa atam eye mekpɔ mɔ akɔ nu le edzi o. data/train/PRO/PRO_001_Verse_014.mp3,"hena agbe dzɔdzɔe kple agbe ɖevi nɔnɔ, be woawɔ nu si dzɔ, nu si le eteƒe kple nu si nyo," data/train/PRO/PRO_004_Verse_026.mp3,Ɖe toƒe sɔsɔewo na wò afɔwo eye nàlé mɔ siwo dzi sẽ nyuie la ko atsɔ. data/train/PRO/PRO_019_Verse_025.mp3,"Womagbe tohehe na aʋatsoɖasefo o eye ame si trɔa alakpa kɔna ɖi bababa la, madzo le ablɔɖe me o." data/train/PRO/PRO_028_Verse_016.mp3,"Enyo be nànye hiãtɔ si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o, wu nànye kesinɔtɔ si ƒe mɔwo to vo." data/train/PRO/PRO_027_Verse_010.mp3,Gbɔ̃notsi anɔ asiwò fũu be wò kple wò aƒemetɔwo miano eye wòanye nunyiame na wò dɔlanyɔnuwo. data/train/PRO/PRO_009_Verse_009.mp3,"Mègaka mo na fewuɖula o, ne menye nenema o la, alé fu wò; ke boŋ ka mo na nunyala eye alɔ̃ wò nya." data/train/PRO/PRO_001_Verse_016.mp3,"Ke ame sia ame si ɖoa tom la, anɔ agbe le dedinɔnɔ me eye aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mavɔ̃ na dzɔgbevɔ̃e o.”" data/train/PRO/PRO_015_Verse_015.mp3,"Mo si kɔ la doa dzidzɔ na dzi, eye nya nyui dea agbe ƒuwo me." data/train/PRO/PRO_005_Verse_003.mp3,be nànya nu si nàwɔ eye wò nuyiwo adzra gɔmesese ɖo data/train/PRO/PRO_017_Verse_004.mp3,Ame si lɔ̃ dzrewɔwɔ la lɔ̃a nu vɔ̃ eye ame si de agbo kɔkɔ eƒe aƒe nu la le gbegblẽ dim. data/train/PRO/PRO_022_Verse_023.mp3,"Wobla bometsitsi ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu, ke ɖɔɖɔɖo ƒe ameƒoti ana wòate ɖa xaa tso egbɔ." data/train/PRO/PRO_015_Verse_006.mp3,"Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe, ke ame si xɔa ɖɔɖɔɖo la, nunyalae." data/train/PRO/PRO_006_Verse_008.mp3,"elabena sedede siawo nye akaɖi, nufiafia sia nye kekeli eye ɖɔɖɔɖo si amehehe hena vɛ la nye agbe ƒe mɔ," data/train/PRO/PRO_008_Verse_027.mp3,"“O ŋutsuwo, miawoe mele ɣli dom na eye mekɔ nye gbe dzi na amegbetɔƒomea katã." data/train/PRO/PRO_011_Verse_013.mp3,"Ame ɖeka naa nu faa gake egakpɔa geɖe ɖe edzi, ame bubu vea nu le nu si wòle be wòana la ŋu gake ahe ko wòdana." data/train/PRO/PRO_024_Verse_019.mp3,Meto kuviatɔ kple ame manyanu ƒe waingble ŋu yi; data/train/PRO/PRO_015_Verse_007.mp3,"Bometsinuwɔwɔ doa dzidzɔ na ame manyanu, ke nugɔmesela léa mɔ ɖeka tsɔna." data/train/PRO/PRO_021_Verse_024.mp3,Nunyala dze kalẽtɔ ƒe du dzi eye wòmu mɔ sesẽ si ŋu wole dzi ɖom ɖo la ƒu anyi. data/train/PRO/PRO_003_Verse_011.mp3,Enye agbeti na ame siwo xɔ eya amea eye ame siwo ƒe asi su edzi la woayra wo. data/train/PRO/PRO_004_Verse_001.mp3,"De asixɔxɔ eŋu ekema ado wò ɖe dzi, xɔe atuu ekema ade bubu ŋuwò." data/train/PRO/PRO_002_Verse_018.mp3,"ne èyɔ sidzedze eye nèdo ɣli na gɔmesese," data/train/PRO/PRO_016_Verse_002.mp3,"Ame dzeaglã blea eƒe aƒelika nu, eye wòkplɔnɛ toa mɔ gɔglɔ̃ dzi." data/train/PRO/PRO_028_Verse_009.mp3,Ame siwo gbe nu le sea gbɔ la kafua ame vɔ̃ɖiwo ke sedziwɔlawo tsia tsitre ɖe wo ŋu. data/train/PRO/PRO_003_Verse_022.mp3,Mègavɔ̃ ŋɔdzi si ava kpoyi alo gbegblẽ si vaa ame vɔ̃ɖiwo dzi o data/train/PRO/PRO_023_Verse_009.mp3,"elabena enye ame si le ga si wòagblẽ ɖe nua ɖaɖa ŋuti la ŋu bum. Egblɔ na wò be, “Ɖu nu, nàno nu” gake megblɔe tso eƒe dzi me o." data/train/PRO/PRO_030_Verse_023.mp3,“Nu etɔ̃e zɔa agozɔli eye nu enee zɔna abe fia ene: data/train/PRO/PRO_021_Verse_016.mp3,"Kuviatɔ ƒe nudzodzro ahe ku vɛ nɛ, elabena eƒe asiwo gbe be yewomawɔ dɔ o." data/train/PRO/PRO_031_Verse_028.mp3,Wodea bubu srɔ̃a ŋu le dua ƒe agbonu ne enɔ anyigba la dzi dumegãwo dome. data/train/PRO/PRO_018_Verse_006.mp3,Ame ƒe numekutsetse ɖia ƒo nɛ eye nuŋeŋe si doa go tso eƒe nuyiwo me la ana eƒe dzi nadze eme. data/train/PRO/PRO_012_Verse_028.mp3,"Ɖasefo nyateƒetɔ gblɔa nya si le eteƒe le ʋɔnu, ke aʋatsoɖasefo daa alakpa le ʋɔnu." data/train/PRO/PRO_001_Verse_022.mp3,"Ne wogblɔ na wò be, “Va kplɔ mí ɖo, na míade xa ɖe ame aɖe ƒe ʋu ŋuti, na míanɔ xame na luʋɔ maɖifɔ aɖe," data/train/PRO/PRO_020_Verse_026.mp3,Yehowa wɔ to si sea nu kple ŋku si kpɔa nu la siaa. data/train/PRO/PRO_008_Verse_018.mp3,Melɔ̃a ame siwo lɔ̃am eye ame siwo diam la kpɔam. data/train/PRO/PRO_008_Verse_026.mp3,"“Nye, nunya kple ŋuɖɔɖoe nɔa teƒe ɖeka; gɔmesese kple sidzedze le asinye." data/train/PRO/PRO_029_Verse_012.mp3,Hlɔ̃dolawo lé fu ŋutsu nuteƒewɔla eye wodina be yewoawu dzi dzadzɛ tɔ. data/train/PRO/PRO_029_Verse_023.mp3,"Nunyala yi ʋɔnudrɔ̃ƒe kple bometsila, bometsila le adã fiam, le fewu ɖum eye ŋutifafa meli o." data/train/PRO/PRO_003_Verse_028.mp3,"Vinye, mègado vlo Yehowa ƒe amehehe o eye mègagbe eƒe mokaname o" data/train/PRO/PRO_014_Verse_013.mp3,Dzi si me ŋutifafa le la nana agbe ŋutilã gake ŋubiã nana ƒuwo ƒaƒãna. data/train/PRO/PRO_018_Verse_000.mp3,"Ame dahe ɖea kuku biaa nublanuikpɔkpɔ, ke kesinɔtɔ ya ɖoa nya ŋu adãtɔe." data/train/PRO/PRO_020_Verse_021.mp3,"Wɔ ɖoɖo to aɖaŋuxɔxɔ me, ne èle aʋa wɔm la, bia mɔfiame." data/train/PRO/PRO_007_Verse_008.mp3,"eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom eye miƒu to anyi ɖe nu si megblɔ la ŋu." data/train/PRO/PRO_031_Verse_007.mp3,Ele abe asiʋu ene eye wòhea nuɖuɖu tso didiƒe vaa aƒee. data/train/PRO/PRO_017_Verse_022.mp3,"Sonu li na klosalo eye dzokpo li na sika, ke Yehowae doa dziwo katã kpɔ." data/train/PRO/PRO_019_Verse_012.mp3,Aʋatsoɖasefo ɖua fewu le afia nyui tsotso ŋu eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu miaa nu vɔ̃ɖi. data/train/PRO/PRO_016_Verse_000.mp3,"Agbatedɔwɔla ƒe nudzodzro wɔa dɔ nɛ, dɔwuame doa ŋusẽe be wòayi edzi." data/train/PRO/PRO_010_Verse_000.mp3,"Abe ale si aha tsitsi nɔna na aɖu eye dzudzɔ nɔna na ŋku ene la, nenema kuviatɔ le na ame siwo dɔ dɔe." data/train/PRO/PRO_026_Verse_024.mp3,"Ne nake meli o la, dzo tsina; ne sakplitɔ meli o la, dzre kena." data/train/PRO/PRO_021_Verse_004.mp3,Ame vɔ̃ɖi zua avulénu ɖe ame dzɔdzɔe teƒe eye nenema ke nuteƒemawɔla ɖea nuteƒewɔla nu. data/train/PRO/PRO_026_Verse_010.mp3,"Alakpaɖe léa fu ame siwo ŋuti wòle abi demii, eye nu si blea ame la hea gbegblẽ vɛ." data/train/PRO/PRO_031_Verse_020.mp3,"Ne snodzaɣi ɖo la, mevɔ̃na ɖe eƒe aƒekɔ nu o elabena wo katã tsyɔ kuntru dzĩ." data/train/PRO/PRO_028_Verse_026.mp3,Ŋutasẽla si le ame dahewo dzi ɖum la le abe dzata si le gbe tem alo sisiblisi si le ade tam ene. data/train/PRO/PRO_014_Verse_022.mp3,"Ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ la, ame vɔ̃ɖiwo yia to, ke le ku me ke hã la, ame dzɔdzɔewo kpɔa sitsoƒe." data/train/PRO/PRO_004_Verse_008.mp3,"Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe ŋdi kanya ƒe ɣetotoe ene, eklẽna, gaklẽna ɖe edzi ne ŋu ɖe le eme nyuie." data/train/PRO/PRO_017_Verse_011.mp3,Ame vɔ̃ɖi xɔa zãnu le bebeme be wòatrɔ nya dzɔdzɔe atsyɔ anyi. data/train/PRO/PRO_002_Verse_014.mp3,gake woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi eye woaho nuteƒemawɔlawo ɖa le edzi. data/train/PRO/PRO_006_Verse_029.mp3,Wò ŋkuwo megadɔ alɔ̃ o eye wò aɖaba megadɔ akɔlɔ̃e o. data/train/PRO/PRO_017_Verse_010.mp3,Ame vɔ̃ɖi la ɖoe kplikpaa be yeadze aglã eya ta woadɔ dumegã sẽŋuta ɖe eŋu. data/train/PRO/PRO_004_Verse_016.mp3,Mele nunya ƒe mɔ fiam wò eye mekplɔ wò to toƒe dzɔdzɔewo. data/train/PRO/PRO_009_Verse_012.mp3,"“Miva, miɖu nye nu eye mino nye wain si metɔtɔ." data/train/PRO/PRO_031_Verse_003.mp3,Edo ŋusẽ kple bubu abe awu ene eye ate ŋu ako ŋkeke siwo gbɔna. data/train/PRO/PRO_006_Verse_031.mp3,"Yakame kple ame baɖa si le yiyim kple alakpadada," data/train/PRO/PRO_012_Verse_019.mp3,"Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi, ke amenuvenya dea dzi ƒo na ame." data/train/PRO/PRO_011_Verse_014.mp3,"Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla, ke ame ɖɔʋu ɣlaa nya." data/train/PRO/PRO_009_Verse_001.mp3,"Edɔ eƒe dɔlanyɔnuwo eye wòtsi tsitre ɖe dua ƒe kɔkɔƒe ke hedo ɣli be," data/train/PRO/PRO_007_Verse_018.mp3,"Mele nye xɔ ƒe fesrẽ nu, hekpɔ nu to fesrẽnuvɔ la me." data/train/PRO/PRO_002_Verse_004.mp3,Ame siwo katã yia egbɔ la megatrɔna gbɔna loo alo gena ɖe agbemɔ la dzi o. data/train/PRO/PRO_007_Verse_013.mp3,"Gblɔ na nunya be, “Nɔvinye nyɔnu nènye.” Eye nàyɔ ƒometɔ na gɔmesese," data/train/PRO/PRO_005_Verse_018.mp3,Nyemaɖo to nye nufialawo alo aƒu to anyi ɖe nye amegãwo ŋu o. data/train/PRO/PRO_026_Verse_027.mp3,"Togbɔ be eƒe nyawo nya le sesem hã la, mègaxɔ edzi se o elabena ŋunyɔnu adre le eƒe dzi me." data/train/PRO/PRO_010_Verse_024.mp3,"Nunyalawo dzraa gɔmesese ɖo, ke bometsila ƒe nu hea gbegblẽ vɛ." data/train/PRO/PRO_008_Verse_023.mp3,"Nye kutsetse nyo wu sika nyuitɔ, eye nu si dona tso menye la ƒo klosalo nyuitɔ ta sãa." data/train/PRO/PRO_021_Verse_014.mp3,Fɔɖila ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ gake fɔmaɖila ƒe nuwɔwɔ le dzɔdzɔe. data/train/PRO/PRO_015_Verse_020.mp3,"Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu, ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana." data/train/PRO/PRO_023_Verse_010.mp3,"elabena gbolo la, ʋe globoe wònye eye srɔ̃nyɔnu ahasitɔ la, vudo xaxɛ wònye." data/train/PRO/PRO_022_Verse_024.mp3,"Yehowa ƒe ŋkuwo le nugɔmesese ŋu, ke etrɔa gbo nuteƒemawɔlawo ƒe nyawo." data/train/PRO/PRO_029_Verse_017.mp3,"Ne èhe viwò ŋutsuvi la, ekema àkpɔ ŋutifafa eye wòahe dzidzɔ vɛ na wò luʋɔ." data/train/PRO/PRO_008_Verse_021.mp3,"Mi bebewuwo, midze nunya; mi bometsilawo gɔmesese nesu mia si." data/train/PRO/PRO_008_Verse_033.mp3,"“Yehowa dzim abe eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ ene, hafi wòava wɔ nuwo le blema." data/train/PRO/PRO_005_Verse_020.mp3,"Vinye, nu ka ŋuti nàƒo kpakpakpa ɖe nyɔnu ahasitɔ ŋu? Nu ka ŋuti nàlé alime na ame bubu srɔ̃?" data/train/PRO/PRO_029_Verse_007.mp3,"Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ denɛ mɔ me, ke ame dzɔdzɔe adzi ha atso aseye." data/train/PRO/PRO_016_Verse_006.mp3,"Ame wɔa ɖoɖo ɖe ale si wòazɔe ŋu le eƒe dzi me, gake Yehowae fiaa ale si wòaɖe afɔe." data/train/PRO/PRO_013_Verse_006.mp3,"Ame si do toku amehehe la, ahedada kple ŋukpe vaa edzi, ke wodea bubu ame si lɔ̃a mokaname ŋuti." data/train/PRO/PRO_007_Verse_001.mp3,"Elabena ame siwo tsi esi me la sɔ gbɔ, eye ame siwo wòwu la de ha." data/train/PRO/PRO_030_Verse_029.mp3,"woate ŋu alé adoglo kple asi, gake fiawo ƒe aƒewo mee wokpɔa wo le." data/train/PRO/PRO_001_Verse_006.mp3,ekema nu xɔasi vovovowo asu mía si eye míatsɔ afunyinuwo ayɔ míaƒe xɔwo mee data/train/PRO/PRO_011_Verse_011.mp3,Ame si tsɔ bli ɣla la amewo aƒo fi adee gake yayra ava ame si lɔ̃ be yeadzra etɔ la dzi. data/train/PRO/PRO_001_Verse_025.mp3,"nunyalawo neɖo to, ne woasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wonya xoxo la ŋu eye ame siwo si sidzedze le xoxo la naxɔ aɖaŋu," data/train/PRO/PRO_013_Verse_014.mp3,"Dzre sɔŋ ko dada hena vɛ, ke nunya tsoa aƒe ɖe ame siwo sea aɖaŋu la gbɔ." data/train/PRO/PRO_022_Verse_025.mp3,Ŋkɔ nyui didi nyo wu kesinɔnuwo eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika. data/train/PRO/PRO_007_Verse_021.mp3,"Migana miaƒe dzi natrɔ ɖe eƒe mɔwo ŋu loo, alo miatra age ɖe eƒe toƒewo o." data/train/PRO/PRO_006_Verse_020.mp3,"Ne èle zɔzɔm la, woafia mɔ wò, ne èle alɔ̃ dɔm la, woadzɔ ŋuwò eye ne ènyɔ la, woaƒo nu na wò" data/train/PRO/PRO_008_Verse_015.mp3,"Ke ame si mete ŋu ke ɖe ŋutinye o la, wɔa nu vevi eɖokui eye ame siwo katã léa fum la lɔ̃a ku.”" data/train/PRO/PRO_024_Verse_031.mp3,"Wu wò gotadɔwo nu eye nàdzra wò agble me ɖo, ema megbe la, tu wò xɔ." data/train/PRO/PRO_030_Verse_025.mp3,Nyemesrɔ̃ nunya alo nya naneke le Kɔkɔetɔ la ŋu o. data/train/PRO/PRO_027_Verse_005.mp3,Asiɖoɖo edzi le abe asiɖoɖo ya dzi ene alo asitsɔtsɔ ku ami ene. data/train/PRO/PRO_027_Verse_025.mp3,"Vinye, dze nunya eye nàhe dzidzɔ vɛ na nye dzi; ekema mate ŋu aɖo nya ŋu na ame si ado vlom." data/train/PRO/PRO_003_Verse_033.mp3,"Yehowa ɖua fewu le dadala fewuɖulawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu." data/train/PRO/PRO_019_Verse_004.mp3,"Ame si dzi kuna helĩhelĩ la, axe eŋutife; ne èɖee le eme la, agawɔe ake." data/train/PRO/PRO_030_Verse_017.mp3,"“Ne ètsi bome hedo ɖokuiwò ɖe dzi alo ɖo nu vɔ̃ɖi aɖe la, tsɔ wò asi tsyɔ wò nu!" data/train/PRO/PRO_003_Verse_026.mp3,"Nunyalawo nyia bubu ƒe dome, ke bometsilawo la, etsɔa wo dea asi na ŋukpe." data/train/PRO/PRO_018_Verse_007.mp3,"Ame ƒe numenyawo nye tɔ goglo, ke nunya ƒe vudo nye ta si le dzidzim." data/train/PRO/PRO_027_Verse_020.mp3,"Ne ŋutsu aɖe le eƒe aƒelika yram kple ɣli le ŋdi kanya la, woatsɔe abe ɖiŋudodo ene." data/train/PRO/PRO_025_Verse_022.mp3,"ne menye nenema o la, ame si see la ado ŋukpe wò eye ŋkɔ baɖa si le ŋuwò la maɖe ɖa akpɔ gbeɖe o." data/train/PRO/PRO_018_Verse_024.mp3,Ɖokuitɔdila dia eɖokui ko tɔ eye meɖoa to nunyanya siwo gblɔm wole la o. data/train/PRO/PRO_022_Verse_003.mp3,"Ame si ƒã vɔ̃ɖivɔ̃ɖi la axa dzɔgbevɔ̃e, eye woatsrɔ eƒe dɔmedzoe ƒe ameƒoti." data/train/PRO/PRO_012_Verse_010.mp3,"Asi si doa vevi nu la aɖu fia, ke kuviawɔwɔ kplɔa ame ɖona ɖe dɔ sesẽ me." data/train/PRO/PRO_016_Verse_032.mp3,Yakame le nu vɔ̃ɖi ɖom eye eƒe nuƒoƒo le abe dzo si le bibim sesĩe la ene. data/train/PRO/PRO_021_Verse_022.mp3,Nunana si wona le adzame la faa dziku nu eye zãnu si woɣla ɖe awu ʋlaya te hafi tsɔ vɛ la léa avu dziku helĩhelĩ. data/train/PRO/PRO_012_Verse_024.mp3,Womatsɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖo ame gɔme anyii o gake womate ŋu aho ame dzɔdzɔe ya o. data/train/PRO/PRO_031_Verse_027.mp3,"Viawo tsona yɔnɛ be yayratɔ, nenemae srɔ̃a hã yɔnɛ, hekafunɛ be," data/train/PRO/PRO_006_Verse_024.mp3,tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene. data/train/PRO/PRO_019_Verse_021.mp3,Nu si ame dina lae nye lɔlɔ̃ si meʋãna o; enyo be nànye ame dahe wu alakpatɔ. data/train/PRO/PRO_015_Verse_005.mp3,"Aɖe si hea dɔyɔyɔ vɛ la nye agbeti, ke alakpaɖe gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu." data/train/PRO/PRO_002_Verse_001.mp3,Ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba dzi eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi data/train/PRO/PRO_008_Verse_009.mp3,"Etɔ asi dzinye tso mavɔ me ke, tso gɔmedzedzea me, hafi xexea me nava dzɔ." data/train/PRO/PRO_022_Verse_011.mp3,"Kuviatɔ gblɔna be, “Dzata le gota!” alo “Woava wum le ablɔ dzi!”" data/train/PRO/PRO_031_Verse_018.mp3,na woanoe aŋlɔ woƒe ahedada be eye womagaɖo ŋku woƒe hiãtuame dzi akpɔ o. data/train/PRO/PRO_030_Verse_011.mp3,"koklotsu, gbɔ̃tsu, kple fia si eƒe aʋakɔwo ƒo xlãe." data/train/PRO/PRO_026_Verse_026.mp3,"Sɔƒoka li na sɔ, numega li na tedzi nenemae ameƒoti li na bometsila ƒe dzimegbe!" data/train/PRO/PRO_010_Verse_008.mp3,"Ame si nunya le dzi me na la xɔa sededewo, ke bometsila, nukpoloeƒola, atsrɔ̃." data/train/PRO/PRO_014_Verse_002.mp3,Ame si doa dɔmedzoe kabakaba la wɔa bometsinuwo eye wòléa fu ayedzela. data/train/PRO/PRO_031_Verse_011.mp3,Eƒoa nu kple nunya eye nufiame anukwaretɔ le eƒe aɖe dzi. data/train/PRO/PRO_013_Verse_008.mp3,"Ame si dzɔa eƒe nuyiwo ŋuti la dzɔa eƒe agbe ŋuti, ke ame si kea nu kabakaba la atsrɔ̃." data/train/PRO/PRO_030_Verse_007.mp3,"Elabena abe ale si ne woƒo nyinotsi wòzua bɔta eye ne wofia ŋɔti ʋu dona ene la, nenema kee ne wode dzo dziku me la, dzre dzɔna.”" data/train/PRO/PRO_006_Verse_014.mp3,"gake ne wolée la, ele nɛ be wòaɖo nua teƒe zi adre, esia ana eƒe kesinɔnu siwo katã le esi le eƒe aƒe me la navɔ le esi." data/train/PRO/PRO_020_Verse_003.mp3,Bubu wònye na ŋutsu ne eƒo asa na dzre gake bometsila ɖe sia ɖe wɔa dzre kabakaba. data/train/PRO/PRO_027_Verse_019.mp3,"Ne woƒo gbe eye gbe mumu mie ɖe eteƒe, ne wolã gbe siwo le togbɛwo dzi ƒo ƒui la," data/train/PRO/PRO_011_Verse_005.mp3,"Ame manyanu doa vlo ehavi, ke ŋutsu nugɔmesela léa eƒe aɖe." data/train/PRO/PRO_006_Verse_017.mp3,"le ŋku tem, tsɔ afɔ le dzesi fiam eye wòtsɔ eƒe asi le nya gblɔmii," data/train/PRO/PRO_004_Verse_014.mp3,Mègaka afɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe toƒewo alo nàzɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzi o. data/train/PRO/PRO_023_Verse_017.mp3,Mègade ha kple ame siwo nye waintsunolawo alo lã geɖe ɖulawo o. data/train/PRO/PRO_028_Verse_011.mp3,Ame vɔ̃ɖiwo mesea afiatsotso nyui gɔme o gake ame siwo dia Yehowa ya sea egɔme nyuie. data/train/PRO/PRO_005_Verse_013.mp3,"Mebua ta me le ale si wòanɔ agbee ŋu kura o, eƒe toƒewo glɔ̃ gake menyae o" data/train/PRO/PRO_008_Verse_012.mp3,"Hafi woatsɔ towo ada ɖe woƒe nɔƒewo, eye togbɛwo nadzɔ la, nye la, wodzim xoxo." data/train/PRO/PRO_022_Verse_019.mp3,Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui gake bometsila ya yiyim ko wòle eye wòkpea fu ɖe enu. data/train/PRO/PRO_014_Verse_016.mp3,"Dɔla nyanu ƒe nu nyoa fia ŋu, ke eƒe dɔmedzoe vaa dɔla ŋukpenanuwɔla dzi." data/train/PRO/PRO_024_Verse_032.mp3,"ŋu vu tsyɔ afi sia afi, gbe to ɖe eme katã eye kpekpɔ la kaka le eŋu." data/train/PRO/PRO_017_Verse_028.mp3,"Ŋudɔwɔnu ka ga nye le bometsila ƒe asi me, esi didi aɖeke mele eme ɖe nunyadidi ŋuti o?" data/train/PRO/PRO_008_Verse_010.mp3,"“Eya ta, azɔ la, mi vinyewo, miɖo tom; woayra ame siwo lé nye mɔwo me ɖe asi." data/train/PRO/PRO_027_Verse_017.mp3,Mokaname le ame dome nyo wu lɔlɔ̃ si woɣla. data/train/PRO/PRO_007_Verse_017.mp3,"Mekpɔ ame aɖe le bebewuwo dome, mekpɔ ɖekakpui si tsi bome la le sɔhɛwo dome." data/train/PRO/PRO_022_Verse_004.mp3,be woafia nyateƒe kple kakaɖedzinyawo wò be nàtsɔ nunyanyawo aɖo nya ŋu na ame si dɔ wò la oa? data/train/PRO/PRO_030_Verse_018.mp3,"Ne menye nenema o la, mava ɖi ƒo akpa, agbe nu le gbɔwò ahabia be, ‘Ame kae nye Yehowa?’ Alo mada ahe akpa, afi fi." data/train/PRO/PRO_028_Verse_006.mp3,"Ame si naa nu hiãtɔ la, naneke mahiãe o, ke ame si miaa ŋku ɖe woƒe hiahiãwo dzi la, axɔ fiƒode geɖe." data/train/PRO/PRO_026_Verse_019.mp3,"Kuviatɔ nye nunyala le eya ŋutɔ ƒe ŋkume, wu ame adre siwo ɖoa nya ŋu nunyatɔe." data/train/PRO/PRO_016_Verse_029.mp3,"Wolɔa hotsui ɖe akɔ hetsɔna kaa nui, ke nyametsotso ɖe sia ɖe tso Yehowa gbɔ." data/train/PRO/PRO_027_Verse_016.mp3,Mègaƒo adegbe le etsɔ si gbɔna ŋu o elabena mènya nu si ŋkeke la ahe vɛ o. data/train/PRO/PRO_024_Verse_000.mp3,"Ame si agblɔ na fɔɖila be, “Mèdze agɔ o” la, amewo ado ɖiŋu nɛ eye dukɔwo anyɔ ŋui." data/train/PRO/PRO_028_Verse_003.mp3,"Ame si ka mo na ŋutsu la, axɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi wu ame si alakpaɖe le nume na." data/train/PRO/PRO_020_Verse_002.mp3,Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla eya ta ƒo asa na ŋutsu nukpoloeƒola. data/train/PRO/PRO_018_Verse_010.mp3,Bometsila ƒe nuyiwo denɛ dzre me eye eƒe nu hea ƒoƒo vaa edzii. data/train/PRO/PRO_005_Verse_022.mp3,"Wonenye wò ɖeka ko tɔ, mègamae kple ame tutɔwo gbeɖe o." data/train/PRO/PRO_001_Verse_018.mp3,le esi wogbe nye aɖaŋuɖoɖo hedo vlo nye mokaname ta. data/train/PRO/PRO_006_Verse_004.mp3,"dzi si ɖoa nu vɔ̃ɖiwo, afɔ siwo ɖea abla ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋuti" data/train/PRO/PRO_007_Verse_011.mp3,Eƒe aƒe nye tsiẽƒe ƒe mɔ gbadza siwo ɖo ta ku ƒe xɔgãwo me. data/train/PRO/PRO_006_Verse_033.mp3,Ɖe ŋutsu aɖe azɔ le dzoka xɔxɔ dzi eye eƒe afɔwo nagbe fiafia? data/train/PRO/PRO_010_Verse_014.mp3,Asi si wɔa kuvia la nana ame ɖoa ko gake asi si doa vevi nu la hea kesinɔnu vɛ. data/train/PRO/PRO_026_Verse_025.mp3,"nenemae nye ame si ble ehavi eye emegbe wògblɔ nɛ be, “Fefem ko mele!”" data/train/PRO/PRO_006_Verse_015.mp3,"Gbeɖela loo dzikpɔla alo dziɖula aɖeke mele esi o," data/train/PRO/PRO_013_Verse_016.mp3,Dzɔgbevɔ̃e tia vɔ̃wɔla yome gake dzɔgbenyui nye ame dzɔdzɔe ƒe fetu. data/train/PRO/PRO_003_Verse_003.mp3,Ekema àkpɔ amenuveve kple ŋkɔ nyui le Mawu kple amewo ŋkume. data/train/PRO/PRO_021_Verse_001.mp3,"Ame si kpɔa eƒe nu kple eƒe aɖe dzi la, ɖea eɖokui tso dzɔgbevɔ̃e me." data/train/PRO/PRO_018_Verse_012.mp3,"Hafi ame aɖe nadze anyi la, dada nɔa eƒe dzi me, ke ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu." data/train/PRO/PRO_022_Verse_028.mp3,"Ɖe nyemeŋlɔ nufiamenya blaetɔ̃ na wò, aɖaŋuɖonyawo kple nugɔmesenyawo" data/train/PRO/PRO_020_Verse_014.mp3,"Ne fia nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi be yeadrɔ̃ ʋɔnu la, eɖe vɔ̃wo katã ɖa kple eƒe ŋkuwo." data/train/PRO/PRO_004_Verse_015.mp3,"Mègana woadzo le wò ŋkume o, ke boŋ dzra wo ɖo ɖe wò dzi me," data/train/PRO/PRO_013_Verse_022.mp3,"Nu dzroa kuviatɔ vevie gake mekpɔa naneke o, ke vevidonula ƒe didiwo vaa eme nɛ." data/train/PRO/PRO_017_Verse_001.mp3,"Afiatsotso na agɔdzela, kple fɔbubu agɔmadzela siaa nye nu si Yehowa tsri." data/train/PRO/PRO_016_Verse_011.mp3,Enyo be woabɔbɔ ame ɖokui ɖe anyi le hiãtɔwo dome wu be woama afunyinuwo kple dadalawo. data/train/PRO/PRO_031_Verse_031.mp3,Ɖetifutreti le eƒe asi me eye wòtsɔa eƒe asibidɛwo léa ɖetitrekekee. data/train/PRO/PRO_008_Verse_002.mp3,Dzinyee fiawo tona ɖua fia eye dziɖulawo dea se siwo le dzɔdzɔe. data/train/PRO/PRO_025_Verse_017.mp3,Menyo be woano anyitsi fũu alo wònye nu dzeame be ame nadi eya ŋutɔ ƒe bubu o. data/train/PRO/PRO_013_Verse_007.mp3,"Ame si doa vlo amehehe la xɔa eŋufetu, ke ame si ɖoa to sedede la xɔa eteƒeɖoɖo." data/train/PRO/PRO_012_Verse_004.mp3,"Ame si lɔ̃ amehehe la lɔ̃a sidzedze, ke ame si lé fu mokaname la, bometsilae." data/train/PRO/PRO_015_Verse_032.mp3,"Ŋuwo le kuviatɔ ƒe mɔ dzi, ke dzɔdzɔetɔ ƒe mɔ nye mɔtata." data/train/PRO/PRO_009_Verse_006.mp3,Ke womenya gɔ̃ hã be ame kukuwo le afi ma o eye eƒe ame kpekpewo le yɔdo ƒe gogloƒe ke o. data/train/PRO/PRO_025_Verse_020.mp3,"Ne èle nya hem kple hawòvi la, mègaʋu go ame bubu ƒe nya ɣaɣla o," data/train/PRO/PRO_005_Verse_002.mp3,"Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna la zua mɔ ɖenɛ, eye eƒe nu vɔ̃ zua ka blanɛ sesĩe." data/train/PRO/PRO_007_Verse_002.mp3,"ele kpɔdome fifia, kasia egado ɖe ablɔme xoxo eye wòdea xa ɖe dzogoe ɖe sia ɖe dzi." data/train/PRO/PRO_023_Verse_015.mp3,"Le nuwuwu la, eɖua ame abe da ene eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene." data/train/PRO/PRO_007_Verse_014.mp3,"le fiẽ me, esime anyigba nɔ tsyɔtsyɔm, eye zã do blukɔ." data/train/PRO/PRO_017_Verse_000.mp3,Abolo ƒuƒlu sue ɖuɖu si ŋu ŋutifafa kple dziɖeɖi kpe ɖo la nyo wu aƒe si me yɔ fũu kple agbeɖuɖu eye dzre kpe ɖe eŋu. data/train/PRO/PRO_004_Verse_022.mp3,Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe eye wò mo nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò. data/train/PRO/PRO_031_Verse_019.mp3,"Ne menye nenema o la, woamu aha aŋlɔ nu si sea gblɔ la be eye woaxɔ ablɔɖe le ame siwo wote ɖe anyi la si." data/train/PRO/PRO_025_Verse_007.mp3,Dziɖoɖo ɖe nuteƒemawɔla ŋu le xaxaɣiwo le abe aɖu vovo alo afɔ tutu ene. data/train/PRO/PRO_004_Verse_017.mp3,"Ne èle zɔzɔm la, naneke maxe mɔ na wò afɔɖeɖewo o eye ne èsi du la, màkli nu o." data/train/PRO/PRO_006_Verse_000.mp3,"ame si ɖoa nu vɔ̃ɖi, beble le eƒe dzi me, eye ɣe sia ɣi wòdea dzre aƒe la" data/train/PRO/PRO_021_Verse_015.mp3,Kesinɔnu si wotsɔ alakpaɖe kpɔe la nu va yina kaba abe ƒuƒu ene eye wònye mɔ si ŋu aɖi vɔ̃ɖi le. data/train/PRO/PRO_015_Verse_033.mp3,"Ɖoɖowo me gblẽna ne aɖaŋudede meli o, ke ne aɖaŋuɖolawo li fũu la, wokpɔa dzidzedze." data/train/PRO/PRO_011_Verse_000.mp3,"Abe ale si sikaŋɔtigɛ nɔa ha ƒe ŋɔtimee ene la, nenema kee nye nyɔnu dzetugbe si meɖoa ŋu ɖo o." data/train/PRO/PRO_009_Verse_017.mp3,"“Tsi si wofi la vivina, eye nu si woɖu le vivime la vivina!”" data/train/PRO/PRO_020_Verse_005.mp3,Fia nyanu gbɔa ame vɔ̃ɖiwo eye wòzɔa wo dzi kple luƒotasiaɖam. data/train/PRO/PRO_018_Verse_020.mp3,Nunana ʋua mɔ na nunala eye wòkplɔnɛ gena ɖe amegã la ƒe ŋkumee. data/train/PRO/PRO_026_Verse_005.mp3,"Abe ale si sno dzanae le dzomeŋɔli alo tsi dzanae le nuŋeɣi ene la, nenemae bubu medze bometsila o." data/train/PRO/PRO_006_Verse_012.mp3,"Eƒe tugbedzedze megana eƒe nu nadzro wò le wò dzi me alo nàna eƒe ŋku mawo nalé wò o," data/train/PRO/PRO_006_Verse_035.mp3,Ɖe ɖokuiwò le eƒe asi me abe ale si sãde sina le adela ƒe asi me ene alo abe ale si xevi dona le xevimɔtrela ƒe kamɔ mee ene. data/train/PRO/PRO_008_Verse_024.mp3,"Nye nu gblɔa nu si le eteƒe, elabena nye nuyi tsri vɔ̃ɖivɔ̃ɖi." data/train/PRO/PRO_001_Verse_030.mp3,"Vinye, ne nu vɔ̃ wɔlawo le nuwò blem la, mègalɔ̃ na wo o." data/train/PRO/PRO_013_Verse_001.mp3,"Ame dahe ƒe agble wɔa nuku geɖe, ke amebaba kplɔnɛ dzonae." data/train/PRO/PRO_028_Verse_000.mp3,"Ame si da adzo fofoa alo dadaa hegblɔ be, “Medze vɔ̃ o” la, nye kpeɖeŋutɔ na nugblẽla." data/train/PRO/PRO_001_Verse_017.mp3,"Ke esi miegbe tɔtɔ nam esi meyɔ mi, esi meke nye abɔwo me, mietsɔ ɖeke le eme o" data/train/PRO/PRO_010_Verse_027.mp3,Yayra anye fiakuku anɔ ame dzɔdzɔe ƒe ta ke ŋutasesẽ yɔa ame vɔ̃ ƒe nu me. data/train/PRO/PRO_030_Verse_033.mp3,"“Ŋku si ɖua fewu le fofoa ŋu, eye wòdoa vlo bubudede dadaa ŋu la, balime ƒe akpaviãwo ahoe le etome, eye akagawo aɖui." data/train/PRO/PRO_025_Verse_005.mp3,Ame si meɖua eɖokui dzi o la le abe du si ŋu wogbã gli le la ene. data/train/PRO/PRO_006_Verse_023.mp3,"Nu adree Yehowa tsri, eye nu adree nye nu siwo wònyɔa ŋui:" data/train/PRO/PRO_014_Verse_032.mp3,Woaxe fe na tosẽlawo le woƒe mɔwo ta eye nenema ke ame nyui hã axɔ eƒe fetu. data/train/PRO/PRO_016_Verse_008.mp3,Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze. data/train/PRO/PRO_029_Verse_022.mp3,"Numenya ɖeɖe mate ŋu aɖɔ dɔla ɖo o, togbɔ be ese egɔme hã la, mawɔ ɖe edzi o." data/train/PRO/PRO_011_Verse_028.mp3,Woɖea ame dzɔdzɔe tso fu me eye wòvaa ame vɔ̃ɖi la dzi boŋ. data/train/PRO/PRO_015_Verse_031.mp3,"Ŋuklẽla hea fukpekpe vaa eƒe aƒe dzi, ke ame si lé fu zãnuxɔxɔ la anɔ agbe." data/train/PRO/PRO_031_Verse_006.mp3,Ekpɔa eƒe aƒekɔ ƒe nyawo gbɔ nyuie eye meɖua kuviabolo o. data/train/PRO/PRO_026_Verse_001.mp3,"Abe ale si atatututɔ ƒe afɔ nɔa yamee ene la, nenemae lododo le le bometsila ƒe nu mee." data/train/PRO/PRO_012_Verse_027.mp3,"Yehowa vea ame nyui la nu, ke ebua fɔ ayemenuwɔla ya." data/train/PRO/PRO_018_Verse_017.mp3,"Ne vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va la, vlododo kplɔnɛ ɖo eye ne alɔmeɖeɖe va la, ŋukpe dzea eyome." data/train/PRO/PRO_029_Verse_002.mp3,"Ame geɖewo dina be yewoado ɖe dziɖula ŋkume, aƒo nu kplii gake Yehowa gbɔ ame ƒe afiatsotso tsona." data/train/PRO/PRO_009_Verse_018.mp3,“Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze eye sidzedze Kɔkɔetɔ la nye gɔmesese data/train/PRO/PRO_019_Verse_001.mp3,"Ame dahe ƒe ƒometɔwo katã ɖea kɔ ɖa le eŋu, aleke exɔlɔ̃wo magbee geɖe wu o! Togbɔ be etia wo yome nɔa kuku ɖem na wo hã la, womedea nu eme nɛ o." data/train/PRO/PRO_021_Verse_012.mp3,Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be woanɔ xɔ ɖeka me kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla. data/train/PRO/PRO_008_Verse_003.mp3,"elabena ame si ke ɖe ŋutinye la, ke ɖe agbe ŋu eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ." data/train/PRO/PRO_018_Verse_004.mp3,Ame si wɔa alɔgblɔdɔ le eƒe dɔ ŋuti la nye nugblẽla nɔvi. data/train/PRO/PRO_026_Verse_004.mp3,"Abe ale si aɖaʋatɔ daa akakati bibi alo aŋutrɔ si ŋu aɖi le la ene la," data/train/PRO/PRO_031_Verse_017.mp3,"Mitsɔ fetu si wòdze na la nɛ, eye eƒe dɔwɔwɔwo ahe kafukafu vɛ nɛ le dua ƒe agbowo nu.”" data/train/PRO/PRO_009_Verse_016.mp3,"Nyɔnu bometsila la le ɣli dom, womekplae o eye menya nu hã o." data/train/PRO/PRO_013_Verse_021.mp3,"Mɔkpɔkpɔ si woɖe ɖa la nana dzi léa dɔ, ke didi si va eme la nye agbeti." data/train/PRO/PRO_016_Verse_001.mp3,"Aleke nunyaxɔxɔ mehenyo wu sikae o, eye gɔmesesetiatia mehenyo wu klosaloe o!" data/train/PRO/PRO_025_Verse_006.mp3,Dzigbɔɖie wotsɔna blea fia nue eye aɖe bɔbɔe ate ŋu agbã ƒu. data/train/PRO/PRO_019_Verse_016.mp3,Kuvia nana ame dɔa alɔ̃ yia eme ʋĩi eye dɔ wua ƒomewɔla. data/train/PRO/PRO_017_Verse_024.mp3,Viŋutsu tsibome hea nuxaxa vɛ na fofoa kple veve vɛ na ame si dzii. data/train/PRO/PRO_014_Verse_024.mp3,"Nunyala léa fu vɔ̃ eye wòvɔa Yehowa, ke bometsila doa dziku kabakaba eye wòwɔa nu dzimagbɔɖitɔe." data/train/PRO/PRO_028_Verse_020.mp3,"Ne ame aɖe doa toku sea la, eƒe gbedodoɖawo gɔ̃ hã zua ŋunyɔnu." data/train/PRO/PRO_029_Verse_000.mp3,"Afi si ɖeɖefia mele o la, amewo wɔa woƒe lɔlɔ̃nu; ke woayra ame si léa sea me ɖe asi." data/train/PRO/PRO_002_Verse_007.mp3,"Ekema àse nu si nyo, le dzɔdzɔe eye wòdze la gɔme, ɛ̃, àse mɔ nyui ɖe sia ɖe gɔme," data/train/PRO/PRO_028_Verse_005.mp3,Ame si léa sea me ɖe asi la nye vi nyanu gake ame si dea ha kple nutsuɖulawo la doa ŋukpe fofoa. data/train/PRO/PRO_005_Verse_009.mp3,Eƒe afɔ yina ɖe tsĩeƒe ke eye eƒe afɔɖeɖewo yina ɖe yɔdo me tẽe data/train/PRO/PRO_003_Verse_018.mp3,"Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo dze nɛ, ne ele wò ŋusẽ me be nàwɔe o." data/train/PRO/PRO_025_Verse_019.mp3,"Ne èke ɖe anyitsi ŋu la, no esi sinu nàte ŋui ko, ne ènoe fũu akpa la, àdzɔe." data/train/PRO/PRO_027_Verse_009.mp3,elabena kesinɔnuwo menɔa anyi ɖikaa o eye fiakuku hã menɔa anyi hena dzidzimewo katã o. data/train/PRO/PRO_025_Verse_009.mp3,Enye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe be wòaɣla nya; eye fiawo ƒe bubue nye be woaku nya me. data/train/PRO/PRO_019_Verse_018.mp3,Menyo be dzo nanɔ mewò ɖe nuwo wɔwɔ ŋu gɔmesesemanɔmee alo atsi dzi ahabu mɔ o. data/train/PRO/PRO_020_Verse_015.mp3,"Ne ŋutsu do ɖiŋu na fofoa alo dadaa la, woatsi eƒe akaɖi ne ele viviti tsiɖitsiɖi me." data/train/PRO/PRO_001_Verse_011.mp3,Enye movidzɔdzɔ be woaɖo ɖɔ ɖi na xeviwo le wo katã ƒe ŋkume! data/train/PRO/PRO_022_Verse_009.mp3,"He ɖevi ɖe mɔ si wòato la dzi eye ne etsi la, mate ɖa le edzi o." data/train/PRO/PRO_007_Verse_024.mp3,"Va se ɖe esime aŋutrɔ naƒo ɖe eƒe aklã, abe xevie dzo ɖe kamɔ dzi eye menyae be yeƒe ku le afi ma o la ene" data/train/PRO/PRO_014_Verse_019.mp3,"Le nukoko gɔ̃ hã me la, dzi ase veve eye dzidzɔkpɔkpɔ awu nu le nuxaxa me." data/train/PRO/PRO_003_Verse_014.mp3,Eƒe mɔwo nye mɔ siwo dzi vivi le eye ŋutifafa le eƒe toƒewo katã. data/train/PRO/PRO_004_Verse_024.mp3,"Ƒo asa na woƒe mɔwo, mègazɔ wo dzi o, lé wò mɔ tsɔ nàyi afi si yim nèle" data/train/PRO/PRO_022_Verse_010.mp3,Kesinɔtɔwo ɖua gã ɖe ame dahewo dzi eye nugbanadola zua dɔla na ame si do nugbana la nɛ. data/train/PRO/PRO_031_Verse_023.mp3,"“O Lemuel, esia menye fiawo tɔ o, menye fiawo tɔ be woano wain o eye menye dziɖulawo tɔ be woadzro aha sesẽ o." data/train/PRO/PRO_021_Verse_002.mp3,Ame si lɔ̃a agbeɖuɖu la azu hiãtɔ eye ame si lɔ̃a wain kple ami la makpɔ hotsui o. data/train/PRO/PRO_022_Verse_020.mp3,"Nya fewuɖula la do goe eye dzre hã ado go, nenema ke nyahehe kple dzudzu hã awu nu." data/train/PRO/PRO_029_Verse_005.mp3,"Ame si woka mo na zi gede gake wògbe lia kɔ la, atsrɔ̃ zi ɖeka kpata xɔnamemanɔŋutɔe." data/train/PRO/PRO_007_Verse_006.mp3,Etsɔ amenublenya siawo blee eye wòtsɔ eƒe aɖe ŋanɛ la kplɔe trae. data/train/PRO/PRO_021_Verse_018.mp3,"Ne ame aɖe do toku ame dahe ƒe ɣlidodo la, ne eya hã do ɣli la, ame aɖeke masee nɛ o." data/train/PRO/PRO_013_Verse_010.mp3,"Ame si zɔna kple nunyala la, dzea nunya, ke ame si dzea xɔ̃ bometsilawo la gena ɖe fuwɔame me." data/train/PRO/PRO_004_Verse_027.mp3,"Ɖo to afii, vinye, ne nàxɔ nye nyawo, ekema wò agbenɔƒewo asɔ gbɔ fũu." data/train/PRO/PRO_006_Verse_006.mp3,"ekema vinye, wɔ esia ne nàtsɔ aɖe ɖokuiwòe, esi nège ɖe hawòvi ƒe asi me ta. Yi nàbɔbɔ ɖokuiwò, ɖe kuku na hawòvi la amenubletɔe!" data/train/PRO/PRO_030_Verse_006.mp3,dzata si nye gã le lã wɔadãwo dome eye medoa megbefɔ le naneke gbɔ o; data/train/PRO/PRO_011_Verse_023.mp3,"Ne nu dze edzi na ame dzɔdzɔe la, du blibo kpɔa dzidzɔ, ke ne ame vɔ̃ɖi tsrɔ̃ la, wodoa dzidzɔɣli." data/train/PRO/PRO_001_Verse_013.mp3,"eye miedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo, hegbe nye mokaname ta la," data/train/PRO/PRO_007_Verse_012.mp3,"Eƒe gbe le dzi dem, metsɔ ɖeke le eme na ame aɖeke o eye eƒe afɔwo gbe tɔtɔ ɖe aƒe me," data/train/PRO/PRO_015_Verse_011.mp3,Fewuɖula tsri nyagbename eya ta mabia aɖaŋu le nunyalawo gbɔ o. data/train/PRO/PRO_018_Verse_021.mp3,Nɔviŋutsu si dzi wodze agɔ le la sẽ wu du si ŋu woɖo gli sesẽ ɖo eye dzrewɔwɔ le abe fiasã si ƒe agbowo ŋu wode gameti sesẽwoe ene. data/train/PRO/PRO_010_Verse_026.mp3,Womaho ame dzɔdzɔe la akpɔ gbeɖe o gake ame vɔ̃ɖi ya manɔ anyigba la dzi o. data/train/PRO/PRO_020_Verse_029.mp3,"Ŋutsu ƒe tameɖoɖowo nye tɔ goglo, gake ame si si nugɔmesese su la akui wòavɔ." data/train/PRO/PRO_010_Verse_013.mp3,"Ame si ɣla fuléle ɖe eƒe dzi me la, alakpanuyi le esi eye ame si nɔa ame ŋu gblẽm la, bometsilae." data/train/PRO/PRO_007_Verse_023.mp3,"Tete nyɔnu aɖe do go va kpee, edo awu abe gbolo ene eye ayedzedze le mo nɛ." data/train/PRO/PRO_010_Verse_021.mp3,"Nu si vɔ̃m ame vɔ̃ɖi le lae ava tui, ke nu si dim dzɔdzɔetɔ le la, eyae woanae." data/train/PRO/PRO_029_Verse_011.mp3,"Fewuɖulawo dea ʋunyaʋunya du me, ke nunyalawo tsia dziku nu." data/train/PRO/PRO_020_Verse_011.mp3,"Mègagblɔ be, “Maɖo vɔ̃ si nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò” o! Kpɔ Yehowa ƒe asinu ekema aɖe wò." data/train/PRO/PRO_005_Verse_010.mp3,gake le nuwuwu la evena wu veve eye wòɖana wu yi nuevee. data/train/PRO/PRO_009_Verse_014.mp3,"Ne èdze nunya la, wò nunya ahe viɖe vɛ na wò; ke ne ènye fewuɖula la, wò ɖeka koe akpe fu.”" data/train/PRO/PRO_001_Verse_003.mp3,Azɔ la woaɖu woƒe mɔwo ƒe kutsetse eye woƒe ɖoɖowo ƒe kutsetse aɖi ƒo na wo data/train/PRO/PRO_020_Verse_016.mp3,"Nuƒlela gblɔna be, “Menyo o, menyo o,” emegbe la, eyina ɖanɔa adegbe ƒom be yeƒle nu ɖiɖi." data/train/PRO/PRO_026_Verse_006.mp3,"Abe ale si wofaa sikatsi ɖe anyikplu ŋu ene la, nenema nuyi xɔdzo si ŋu dzi vɔ̃ɖi kpe ɖo la le." data/train/PRO/PRO_025_Verse_021.mp3,"Ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi, eye Yehowa ŋutɔ aɖo eteƒe na wò." data/train/PRO/PRO_026_Verse_007.mp3,"Abe ale si wotsɔa kpe dea akafomee ene la, nenemae bubudede bometsila ŋu le." data/train/PRO/PRO_017_Verse_012.mp3,Ame vɔ̃ɖi ɖoa to nuyi vɔ̃ɖiwo eye aʋatsotɔ ƒua to anyi ɖe aɖe si gblẽa ame ŋu la ŋu. data/train/PRO/PRO_001_Verse_026.mp3,"nye hã mako mi le miaƒe gbegblẽ ta eye maɖe alɔme le mia ŋu ne dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe mia dzi," data/train/PRO/PRO_012_Verse_012.mp3,"Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ƒe ŋkume, ke ame dzɔdzɔe xɔa aɖaŋuɖoɖo." data/train/PRO/PRO_017_Verse_023.mp3,"Viŋutsu si tsi bome la hea veve vɛ, eye fofo si, si vi tsibome le la makpɔ dzidzɔ o." data/train/PRO/PRO_010_Verse_032.mp3,"Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe dzi anye yayra, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkɔ aƒaƒã." data/train/PRO/PRO_015_Verse_023.mp3,"Viŋutsu nunyala hea dzidzɔ vɛ na fofoa, ke bometsila doa vlo dadaa." data/train/PRO/PRO_014_Verse_021.mp3,"Mɔ aɖe li, si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume, ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee." data/train/PRO/PRO_021_Verse_026.mp3,Vevidonula ƒe ɖoɖoɖowo hea viɖe vɛ nenema kee dzitsitsi hea ahedada vɛ. data/train/PRO/PRO_031_Verse_014.mp3,"Le nyɔnu sia ƒe agbemeŋkekewo katã me la, ehea nyui ko vɛ, ke menye vɔ̃ o." data/train/PRO/PRO_004_Verse_006.mp3,elabena wonye agbe na ame siwo ke ɖe wo ŋu kple dɔyɔyɔ na ame ƒe ŋutilã blibo la. data/train/PRO/PRO_012_Verse_006.mp3,"Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vlo ƒoƒo zua mɔ ɖenɛ, ke ame dzɔdzɔe dona le fu me." data/train/PRO/PRO_014_Verse_009.mp3,"Ame xexlẽme gbogbo nye fia ƒe ŋutikɔkɔe, ke ne amewo mele du aɖe me o la, gbegblẽ vaa dumegã dzi." data/train/PRO/PRO_003_Verse_017.mp3,"Mègabiã ŋu ŋutsu nu sesẽ wɔla alo azɔ le eƒe mɔ aɖeke dzi o," data/train/PRO/PRO_001_Verse_005.mp3,be woase nunyalawo ƒe lododowo abebubuwo kple adzowo gɔme. data/train/PRO/PRO_006_Verse_009.mp3,"elabena ŋuʋaʋã ana srɔ̃ŋutsu ƒe dɔmedzoe nafla eye ne ele hlɔ̃ biam la, makpɔ nublanui o." data/train/PRO/PRO_024_Verse_026.mp3,Nyaŋuɖoɖo ɖe ɖoɖo nu le abe nugbugbɔ ene. data/train/PRO/PRO_012_Verse_008.mp3,Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nyawo le lalam na ʋu gake dzɔdzɔetɔwo ƒe nuƒoƒo ɖea wo. data/train/PRO/PRO_028_Verse_025.mp3,"Woayra ŋutsu si vɔ̃a Yehowa ɣe sia ɣi, ke ame si sẽa eƒe dzi me la gena ɖe xaxa me." data/train/3JN/3JN_001_Verse_003.mp3,"Le esia ta la, ehiã be miawɔ dɔmenyo na ame sia tɔgbiwo, ale be mí katã míawɔ dɔ ado nyateƒe la ɖe ŋgɔ." data/train/3JN/3JN_001_Verse_009.mp3,"Nye, hamemegã tsitsitɔ gbɔe agbalẽ sia tso, Na xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ Gayo, ame si melɔ̃na le nyateƒe me." data/train/3JN/3JN_001_Verse_013.mp3,"Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ, megakpɔ nu vloe wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nàwɔ o, ke boŋ srɔ̃ nu nyui wɔwɔ. Ame sia ame si wɔ nu nyui la tso Mawu gbɔ. Ame si wɔa nu vɔ̃ la menya Mawu o." data/train/3JN/3JN_001_Verse_015.mp3,Ŋutifafa nanɔ anyi kpli wò. Nɔvi siwo katã le afi sia la do gbe na wò nyuie. Do gbe na nɔvi siwo le gbɔwò la na mí ɖekaɖeka. data/train/3JN/3JN_001_Verse_001.mp3,"elabena ŋkɔ la tae wodze mɔ hele tsatsam, eye womexɔ kpekpeɖeŋu aɖeke tso trɔ̃subɔlawo gbɔ o ɖo." data/train/3JN/3JN_001_Verse_012.mp3,"Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, medo gbe ɖa be nànɔ lãmesesẽ me, eye nu sia nu nadze edzi na wò nyuie abe ale si wò luʋɔ gɔ̃ hã le dedie ene." data/train/3JN/3JN_001_Verse_010.mp3,"Woɖi ɖase na hamea katã tso wò lɔlɔ̃ si nèɖe fia wo la ŋu. Anyo be nàdo mɔ wo le mɔ nyuitɔ si dze Mawu ŋu la nu," data/train/3JN/3JN_001_Verse_002.mp3,"Eya ta ne meva la, maɖe nu siwo katã wɔm wòle la ɖe go, vevietɔ ale si wòle mía ŋu gblẽm la ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, eɖea ame siwo dina be yewoaxɔ nɔviawo la le hame." data/train/3JN/3JN_001_Verse_004.mp3,"Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi nɔvi aɖewo va ƒo nu tso ale si nèlé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ, eye nèle agbe nɔm le nyateƒe la nu la ŋu." data/train/TIT/TIT_003_Verse_001.mp3,Ame siwo katã le gbɔnye la do gbe na mi nyuie. Do gbe na ame siwo lɔ̃a mí le xɔse la me. Amenuveve nanɔ kpli mi katã. data/train/TIT/TIT_002_Verse_000.mp3,"Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me, be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo la." data/train/TIT/TIT_001_Verse_009.mp3,"Mele agbalẽ sia ŋlɔm na Tito, vinye vavãtɔ le xɔse ɖeka si le mía si la nu. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Kristo Yesu mía Ɖela gbɔ la nanɔ kpli wò." data/train/TIT/TIT_003_Verse_011.mp3,"Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ, eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí, eye míezu kluviwo na ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo kple fieŋufieŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple ŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo, eye woawo hã lé fu mí." data/train/TIT/TIT_001_Verse_005.mp3,"Esi wònye be wotsɔ Mawu ƒe dɔ de asi na hamemegã ta la, ele nɛ be wòanye mokakamanɔŋutɔ. Manye dadala alo ame si doa dɔmedzoe kabakaba o, manye ahatsunola o, manye ame si wɔa nu gbodogbodo alo tia viɖe ƒoɖi yome o." data/train/TIT/TIT_001_Verse_008.mp3,"Ke boŋ wòanye amedzrowɔla, ame si lɔ̃a nu nyui, ɖokuidziɖula, nu dzɔdzɔe wɔla, ame si le kɔkɔe, eye wòwɔa nu ɖe ɖoɖo nu." data/train/TIT/TIT_002_Verse_008.mp3,"Fia kluviwo be woaɖo to woƒe aƒetɔwo le nu sia nu me, woadze agbagba awɔ nu adze wo ŋu, eye womegaɖo nya ŋu na woƒe aƒetɔwo o." data/train/TIT/TIT_001_Verse_003.mp3,"Ele na hamemegã be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ŋutsu si ƒe viwo lé xɔse la me ɖe asi, eye nya mele wo ŋu be wonye aglãdzelawo kple tomaɖolawo o." data/train/TIT/TIT_002_Verse_007.mp3,"Fia ame tsitsiwo be woafa tu, woanye ame siwo dze na bubu, ɖokuidziɖulawo, ame siwo ƒe xɔse de blibo le lɔlɔ̃ kple tenɔnɔ me." data/train/TIT/TIT_001_Verse_002.mp3,"Ele be woatsi woƒe nuwɔnawo nu, elabena wole aƒekɔ blibowo dome gblẽm to nu siwo mele be woafia o la fiafia me, eye wowɔa esia ɖe viɖe ƒoɖi ta." data/train/TIT/TIT_002_Verse_015.mp3,"Tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋui na wo le nu sia nu me, to nu si nyo la wɔwɔ me. Ɖe nuteƒewɔwɔ kple moveviɖoɖo fia le wò nufiafia me." data/train/TIT/TIT_002_Verse_011.mp3,"Kpe ɖe esiawo ŋu la, wò nuƒoƒo neto mɔ ɖeka be womakpɔ kpɔtsɔtsɔ le eŋu o, ale be ŋu nakpe ame siwo tsia tsitre ɖe ŋuwò la, elabena nya vɔ̃ aɖeke mele wo si woagblɔ tso mía ŋu o." data/train/TIT/TIT_001_Verse_013.mp3,"Woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Kretatɔwo nye alakpadalawo ɖaa, wonye lã vɔ̃ɖiwo kple nutsuɖula kuviatɔwo”" data/train/TIT/TIT_003_Verse_002.mp3,"Ekɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dzi, eye wòna wòsɔ gbɔ le mía me. Ewɔ esiawo katã le nu si Yesu Kristo, mía Ɖela wɔ la ta," data/train/TIT/TIT_003_Verse_006.mp3,"Fia míaƒe ameawo be woasrɔ̃ ale si woatsɔ wo ɖokuiwo ade nu nyui wɔwɔ me, ale be woate ŋu akpɔ woƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo, eye womanɔ agbe maɖevi o." data/train/TIT/TIT_002_Verse_002.mp3,Elabena Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖe vanɛ la do na amewo katã. data/train/TIT/TIT_001_Verse_015.mp3,"xɔse kple sidzedze si ku ɖe mɔkpɔkpɔ na agbe mavɔ la ŋu, nu si ŋugbe Mawu, ame si medaa alakpa o la do, hafi ɣeyiɣi mavɔwo dze egɔme," data/train/TIT/TIT_001_Verse_006.mp3,eye womaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo alo aɖo to ame siwo gbe nu le nyateƒe la gbɔ ƒe sededewo o. data/train/TIT/TIT_001_Verse_004.mp3,"Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesĩe abe ale si wofiae ene, ale be eya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo, eye wòatsi ɖeklemiɖelawo ƒe nya nu." data/train/TIT/TIT_003_Verse_005.mp3,"eɖe mí, menye esi míedze be woaɖe mí ta o, ke boŋ le eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Ewɔ esia to ale si wòklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa kple ale si wòde Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzidzɔ yeye mía me la me." data/train/TIT/TIT_002_Verse_001.mp3,"Efia mí be míagblɔ “Ao” na mawumavɔmavɔ̃ kple xexemenudzodzrowo, eye míanɔ agbe le ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me le fifixexea me," data/train/TIT/TIT_001_Verse_007.mp3,"eye wòɖe eƒe nya la fia le eya ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi, to nyanyui la gbɔgblɔ si wòtsɔ de asi nam le Mawu, mía Ɖela la ƒe gbeɖeɖe nu." data/train/TIT/TIT_001_Verse_001.mp3,"Elabena aglãdzela geɖewo le afi ma, nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo, vevietɔ ame siwo tso aʋatsotso ƒe kɔmama me." data/train/TIT/TIT_002_Verse_009.mp3,"Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o." data/train/TIT/TIT_003_Verse_007.mp3,"Ke esi ɣeyiɣi la de be Mawu, mía Ɖela ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ nado la," data/train/TIT/TIT_001_Verse_014.mp3,"Wogblɔna be yewonya Mawu, gake wogbea nu le egbɔ to woƒe nuwɔnawo me. Wonye ŋunyɔnuwo kple tomaɖolawo, eye womedze na nu nyui aɖeke wɔwɔ o." data/train/TIT/TIT_003_Verse_004.mp3,"Esia nye nyateƒenya si wògblɔ, eye medi be nàte gbe ɖe nu siawo dzi, ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la, nakpɔ nyuie be wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ, eye wohea viɖe geɖe vanɛ na ame sia ame." data/train/TIT/TIT_002_Verse_012.mp3,"Nenema ke, do ŋusẽ ɖekakpuiwo be woanye ɖokuidziɖulawo." data/train/TIT/TIT_003_Verse_008.mp3,"Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o kple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. Ɖe ɖokuiwò ɖa le nyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia tɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ ko wòhena vɛ." data/train/TIT/TIT_001_Verse_000.mp3,"Ame siwo dza la, nu sia nu le dzadzɛe na wo, ke ame siwo me gbegblẽ le, eye womexɔe se o la, naneke mele dzadzɛe le wo gbɔ o. Le nyateƒe me la, woƒe susu kple dzitsinya katã me do viviti." data/train/TIT/TIT_003_Verse_014.mp3,"Wɔ nu sia nu si nàte ŋui la be nàkpe ɖe Zenas, senyala la kple Apolo ŋu le woƒe mɔzɔzɔ me. Kpɔ egbɔ be wona nu sia nu si woahiã la wo." data/train/TIT/TIT_003_Verse_000.mp3,"ale be woate ŋu atso afia na mí le Mawu ƒe ŋkume, le eƒe dɔmenyo gbãgo la ta. Azɔ la, míate ŋu akpɔ gome le agbe mavɔ si wona mí la ƒe kesinɔnu la me. Míele mɔ kpɔm vevie na exɔxɔ." data/train/TIT/TIT_002_Verse_010.mp3,"Fia wo hã be womegafi woƒe aƒetɔwo o, ke boŋ woaɖe nuteƒewɔwɔ nyui afia be woate ŋu aka ɖe wo dzi blibo ɣe sia ɣi ale be le mɔ ɖe sia ɖe nu la, woawɔ nufiafia tso Mawu, míaƒe Ɖela ŋu wòadze ame ŋu." data/train/TIT/TIT_001_Verse_016.mp3,"Ɖaseɖiɖi sia le eteƒe, eya ta ka mo na wo vevie, ale be woade blibo le xɔse la me," data/train/TIT/TIT_002_Verse_003.mp3,"Ele be nyɔnu tsitsi siawo nafia ɖetugbiwo ale si woafa tui, eye woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwoe." data/train/TIT/TIT_003_Verse_012.mp3,"Ne ame aɖe le mama hem va mia dome la, ele be miagbe nya nɛ zi gbãtɔ kple zi evelia. Le esia megbe la, migatsɔ ɖeke le eƒe nya me o," data/train/TIT/TIT_002_Verse_006.mp3,"Eya ta fia nu siawo. De dzi ƒo na wò ameawo, eye nàka mo na wo kple ŋusẽ katã. Mègana ame aɖeke nado vlo wò o." data/train/TIT/TIT_002_Verse_013.mp3,"Nenema ke, fia nyɔnu tsitsiwo be woafa tu, eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam, nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu la o, eye womanye ahatsunolawo hã o." data/train/TIT/TIT_002_Verse_005.mp3,"esi míele lalam na yayraŋkeke si míele mɔ kpɔm na, yayraŋkeke si dzi woaɖe míaƒe Mawu gã kple Ɖela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe afia le." data/train/TIT/TIT_003_Verse_009.mp3,"Mele be woagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu loo alo awɔ dzre o, ke boŋ ele be woanye ame fafawo, eye woabu ame sia ame." data/train/LAM/LAM_003_Verse_022.mp3,"Eya ta megblɔ be, “Nye atsyɔ̃nu yi eye nu siwo katã mele mɔ kpɔm na tso Yehowa gbɔ la hã nu va yi.”" data/train/LAM/LAM_005_Verse_020.mp3,"Wotsɔ míaƒe domenyinu, na amedzrowo eye wotsɔ míaƒe aƒewo na du bubu me tɔwo." data/train/LAM/LAM_005_Verse_010.mp3,Míetsɔ mía ɖokui dzra na Egipte kple Asiria be míakpɔ abolo aɖu. data/train/LAM/LAM_003_Verse_000.mp3,"Ame ka aƒo nu eye wòava eme, ne menye Aƒetɔ lae ɖe gbe o?" data/train/LAM/LAM_003_Verse_023.mp3,eye wotrɔ gbo ame dzɔdzɔe ƒe nya; ɖe Aƒetɔ la makpɔ esiawo oa? data/train/LAM/LAM_003_Verse_007.mp3,"Enyam ɖe nu eye wòna mezɔ viviti me, menye kekeli me o;" data/train/LAM/LAM_003_Verse_049.mp3,"O Yehowa, wò ŋkɔe meyɔ le vudoa ƒe gogloƒe ke." data/train/LAM/LAM_003_Verse_050.mp3,"O Yehowa, xe fe si dze wo la na wo, ɖe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta." data/train/LAM/LAM_003_Verse_042.mp3,Nu si mekpɔ la na nye luʋɔ xa nu ɖe nyɔnu siwo katã le nye dua me la ta. data/train/LAM/LAM_001_Verse_007.mp3,"“Eƒe ɖiƒoƒo lé ɖe eƒe avɔto, elabena mebu etsɔ me kpɔ o. Eƒe anyidzedze wɔ nuku eye ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. “O, Yehowa, nye kɔ, kpɔ nye vevesese ɖa elabena ketɔ la ɖu dzi.”" data/train/LAM/LAM_001_Verse_013.mp3,“Na be woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã nava ŋkuwò me; wɔ na wo abe ale si nèwɔm le nye nu vɔ̃wo katã ta la ene. Nye hũuɖeɖe sɔ gbɔ eye nu te nye dzi ŋuti.” data/train/LAM/LAM_004_Verse_011.mp3,"Gawu la, ɖeɖi te míaƒe ŋkuwo ŋu esi wole mɔ kpɔm na kpekpeɖeŋu si meli o; tso míaƒe gbetakpɔxɔwo me, míekpɔ mɔ na dukɔ si mate ŋu aɖe mí o la be wòava." data/train/LAM/LAM_001_Verse_017.mp3,"“Yerusalem ƒe nu vɔ̃wo lolo eya ta wòzu ame makɔmakɔ. Ame siwo dea bubu eŋu tsã la le vlo domi, elabena wokpɔ eƒe amame, eya ŋutɔ ɖe hũu hetrɔ dzo." data/train/LAM/LAM_005_Verse_007.mp3,"Le esia ta míaƒe dziwo le nu xam, le nu siawo ta míaƒe ŋkuwo dzi tsyɔ," data/train/LAM/LAM_004_Verse_003.mp3,"Ame siwo tsi yi nu la tɔ nyo wu ame siwo ku ɖe dɔwuame ta. Elabena dɔwuame na wogbɔdzɔ, heɖiku glãŋui, le agblemenuku ƒe anyimanɔmanɔ ta." data/train/LAM/LAM_001_Verse_020.mp3,"“Zion vinyɔnu ƒe atsyɔ̃wo katã dzo le eŋu. Eƒe dumegãwo le abe zi siwo mekpɔ gbeɖuƒe aɖeke o, eye le gbɔdzɔgbɔdzɔ me wosi le wo yometilawo ŋgɔ ene." data/train/LAM/LAM_004_Verse_020.mp3,Yehowa nyɔ eƒe dziku ƒe aɖi katã eye wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖi. Edo dzo ɖe Zion eye wòfia eƒe gɔmeɖokpewo. data/train/LAM/LAM_004_Verse_008.mp3,"Anyigbadzifiawo mexɔe se kaka, amewo nayi exɔ ge ase be, futɔwo kple ketɔwo ate ŋu age ɖe Yerusalem ƒe agbowo me o." data/train/LAM/LAM_003_Verse_005.mp3,Ena be nye ŋutilã kple nye ŋutigbalẽ do xoxo eye wògbã ƒu ɖe lãme nam. data/train/LAM/LAM_005_Verse_008.mp3,Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ eye womegale agbe o gake woƒe tohehe va mía dzi. data/train/LAM/LAM_002_Verse_016.mp3,"Wò futɔwo katã ke woƒe nuwo baa ɖe ŋuwò, woɖua fewu eye woɖua aɖukli ɖe ŋuwò be, “Míemi eya amea agbagbe. Esiae nye ŋkeke si míele mɔ kpɔm na, enyo be míele agbe kpɔ eteƒe.”" data/train/LAM/LAM_003_Verse_024.mp3,Ke esia dzi meɖo ŋkue eye mɔkpɔkpɔ ɖo asinye: data/train/LAM/LAM_004_Verse_016.mp3,"O, Edom vinyɔnu, tso aseye, wò ame si le Uznyigba dzi. Gake wòe woatsɔ kplu la ade asi na, amu wò eye woaɖe ama wò." data/train/LAM/LAM_005_Verse_018.mp3,Wobla dumegãwo tsɔ ku ati eye womede bubu ame tsitsiwo ŋu o. data/train/LAM/LAM_001_Verse_012.mp3,"“Mi ame siwo katã to afi ma yi, ɖe mewɔ naneke na mi oa? Mitsa ŋku miakpɔe ɖa! Ɖe fukpekpe aɖe le abe esi wohe va dzinye, esi Yehowa he va dzinye le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkekewo me la enea?" data/train/LAM/LAM_003_Verse_003.mp3,Elabena Aƒetɔ la metsɔa ame ƒua gbe ɖikaa o data/train/LAM/LAM_003_Verse_034.mp3,Mina míado míaƒe dziwo kple asiwo ɖe Mawu gbɔ le dziƒo ahagblɔ bena: data/train/LAM/LAM_002_Verse_003.mp3,"Ameawo ƒe dzi le ɣli dom na Aƒetɔ la. O Zion vinyɔnu ƒe gli, na be wò aɖatsiwo nasi abe tɔsisi ene zã kple keli, mègana gbɔdzɔe ɖokuiwò alo ana dzudzɔ wò ŋkuwo o." data/train/LAM/LAM_003_Verse_015.mp3,Etsɔ kpe gãwo xe mɔ me nam eye wòglɔ̃ nye mɔwo. data/train/LAM/LAM_001_Verse_011.mp3,“Meyɔ xɔ̃nyewo gake woflum. Nye nunɔlawo kple dumegãwo siaa tsrɔ̃ le dua me esime wonɔ tsatsam le nuɖuɖu dim be woaɖu atsi agbe. data/train/LAM/LAM_004_Verse_021.mp3,"Yehowa ŋutɔe kaka wo, megale wo ta kpɔm o. Womegadea bubu nunɔlawo ŋu alo vea dumegãwo nu o." data/train/LAM/LAM_003_Verse_060.mp3,"Woxɔ ŋutifafa le asinye, meŋlɔ nu si dzɔgbenyui nye la be." data/train/LAM/LAM_003_Verse_055.mp3,va se ɖe esime Yehowa aɖo ŋku anyi tso dziƒo akpɔe. data/train/LAM/LAM_003_Verse_052.mp3,"Togbɔ be ehea nuxaxa vɛ hã la, egakpɔa nublanui na ame, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina gbeɖe o la de to ŋutɔ." data/train/LAM/LAM_003_Verse_019.mp3,"Etɔ kpɔ ƒo xlãm ale be nyemate ŋu asi o, eɖom anyi kple gakɔsɔkɔsɔ." data/train/LAM/LAM_003_Verse_037.mp3,"Ne woagbe nu si nye ame tɔ la tsɔtsɔ nɛ le Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume," data/train/LAM/LAM_002_Verse_000.mp3,"“Abe ale si nèyɔa amewo hena ŋkekenyuiɖuɖu ene la, nenemae nèyɔ ŋɔdzi be wòaƒo xlãm godoo. Le Yehowa ƒe dzikuŋkekea dzi la, ame aɖeke mesi alo tsi agbe o. Ame siwo mehe eye menyi la nye futɔ tsrɔ̃ wo katã.”" data/train/LAM/LAM_003_Verse_030.mp3,"Meɖo ŋku nye hiã, tsaglalãtsatsa, dzigbagbã kple vevesese dzi." data/train/LAM/LAM_003_Verse_058.mp3,Woafanya anyigbadzigamenɔlawo katã kple afɔ. data/train/LAM/LAM_005_Verse_000.mp3,"Ame siwo ti mía yome la gogo, ɖeɖi te mía ŋu, ke gbɔɖeme meli o." data/train/LAM/LAM_005_Verse_021.mp3,Ɖe míedzea tsi hafi nona eye ɖe míeƒlea míawo ŋutɔ ƒe nake. data/train/LAM/LAM_001_Verse_009.mp3,"Futɔ la do asi ɖe eƒe kesinɔnuwo katã gbɔ; ekpɔ trɔ̃subɔdukɔwo, ame siwo mèɖe mɔ be woage ɖe wò asaɖa me o la ge ɖe wò kɔkɔeƒe la." data/train/LAM/LAM_003_Verse_061.mp3,"Wozua yeye ŋdi sia ŋdi, wò nuteƒewɔwɔ lolo ŋutɔ." data/train/LAM/LAM_003_Verse_056.mp3,Vavã etrɔ eƒe asiwo ɖe ŋutinye atraɖii le ŋkeke blibo la me. data/train/LAM/LAM_001_Verse_019.mp3,Zion ke eƒe abɔwo me gake ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. Yehowa gblɔ nya ɖi ɖe Yakob ŋu be eƒe aƒelikawo nanye eƒe futɔwo eye Yerusalem va zu ŋunyɔnu le wo dome. data/train/LAM/LAM_001_Verse_004.mp3,“Ele avi fam hehehe le zã me eye aɖatsi tsi alɔgo dzi nɛ. Eƒe ahiãvi gbogboawo dometɔ aɖeke meli afa akɔ nɛ o. Xɔlɔ̃ lɔlɔ̃wo katã trɔ le eyome hezu eƒe futɔwo. data/train/LAM/LAM_003_Verse_040.mp3,Neɖo to me anyi na ame si le eƒo ge eye ŋukpe neyɔe fũu. data/train/LAM/LAM_005_Verse_003.mp3,Elabena Zion to tsi ƒuƒlu eye amegaxiwo koe le fefem le afi ma. data/train/LAM/LAM_002_Verse_015.mp3,"“O Yehowa, ɖo ŋku anyi nàkpɔ nu. Ame ka nèwɔ alea kpɔ? Ɖe nyɔnuwo aɖu woƒe dɔmevi, vi siwo dzi wokpɔa? Ɖe wòle be woawu nunɔla kple Nyagblɔɖila le Aƒetɔ la ƒe kɔkɔeƒea?" data/train/LAM/LAM_003_Verse_053.mp3,Tsi fie le tanye eye mesusu be evɔ nam. data/train/LAM/LAM_002_Verse_006.mp3,Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe nɔƒewo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Eye le eƒe dziku me wògbã Yuda vinyɔnu ƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi. Egbã eƒe fiaɖuƒe kple eƒe dumegãwo ƒu anyi le vlododo me. data/train/LAM/LAM_003_Verse_016.mp3,Etsɔ kpe ŋe aɖu nam eye wòfanyam ɖe kewɔ me. data/train/LAM/LAM_004_Verse_010.mp3,"Gake edzɔ, le eƒe Nyagblɔɖilawo ƒe nu vɔ̃ kple eƒe nunɔlawo ƒe nu tovowo ta, ame siwo kɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ʋu ɖe dua me." data/train/LAM/LAM_005_Verse_022.mp3,"Ɖekakpuiwo le te tum atraɖii, eye ŋutsuviwo le ŋeŋem le nakegba te." data/train/LAM/LAM_003_Verse_006.mp3,Ena menɔ viviti me abe ame siwo ku gbe aɖe gbe ke ene. data/train/LAM/LAM_003_Verse_054.mp3,Tsɔ nutsyɔnu tsyɔ woƒe dziwo dzi eye nàna be wò fiƒode nanɔ wo dzi! data/train/LAM/LAM_003_Verse_012.mp3,Etsɔ ama veve ɖi ƒo nam eye wòkpe veve nam meno. data/train/LAM/LAM_001_Verse_010.mp3,"“Le teteɖeanyi kple dzizizidɔ sesẽwo megbe la, Yuda yi ɖe aboyo me. Ele dukɔwo dome gake mekpɔ gbɔɖemeƒe o. Ame siwo katã le eyome tim la ke ɖe eŋu le xaxa me." data/train/LAM/LAM_002_Verse_009.mp3,Ekaka eƒe nɔƒe abe ale si wokakaa kpɔ le abɔ ŋu ene hegblẽ eƒe takpeƒe. Yehowa na Zion ŋlɔ eƒe ŋkekenyuiwo kple Dzudzɔgbewo be eye le eƒe dziku helĩhelĩ me wòdo vlo fia la kple nunɔla siaa. data/train/LAM/LAM_002_Verse_008.mp3,Ehe eƒe da me abe futɔ ene eye eƒe nuɖusibɔ le klalo. Ewu ame siwo katã nyo na eƒe ŋku abe ale si futɔ wɔnɛ ene. Etrɔ eƒe dziku kɔ ɖe Zion vinyɔnu ƒe agbadɔ dzi abe dzo ene. data/train/LAM/LAM_003_Verse_063.mp3,Ŋɔdzi lé mí; míedze ʋe me eye tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ va mía dzi.” data/train/LAM/LAM_004_Verse_007.mp3,"Amewo le ŋku lém ɖe míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋu ale gbegbe be, míagate ŋu ado go azɔ le míaƒe ablɔwo dzi o. Míaƒe nuwuwu tu aƒe, woxlẽ míaƒe ŋkekewo elabena míaƒe nuwuwu va ɖo." data/train/LAM/LAM_002_Verse_011.mp3,"Eƒe agbowo ɖo do ɖe anyigba eye wòŋe eƒe gametiwo kple gakpo siwo ŋu wobla wo ɖo. Woɖe aboyo eƒe fia kple dumegãwo ɖo ɖe dukɔwo dome, se la megali o eye eƒe Nyagblɔɖilawo hã megaxɔa ɖeɖefia tso Yehowa gbɔ o." data/train/LAM/LAM_002_Verse_014.mp3,"Nya ka magblɔ na wò? O Yerusalem vinyɔnu, nu ka matsɔ asɔ kpli wò? Nu ka magblɔ be ele abe wò ene, ne mafa akɔ na wò, O Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o? Wò abiwo goglo abe atsiaƒu ene, ame ka ate ŋu ayɔ dɔ wò?" data/train/LAM/LAM_001_Verse_008.mp3,"“Eɖo dzo ɖa tso dziƒo, ena wòɖiɖi ɖe nye ƒuwo me. Eɖo ɖɔ na nye afɔwo eye wògbugbɔm ɖe megbe. Ewɔm mezu gbegbe heku ƒenyi ŋkeke blibo la katã." data/train/LAM/LAM_004_Verse_001.mp3,"Aleke Zion viŋutsu vevi siwo ŋu kpekpeme nɔ tsã abe sika ene la, le azɔ abe anyize si nye zemela ƒe asinudɔwɔwɔ ene!" data/train/LAM/LAM_003_Verse_036.mp3,"Ne meyɔe alo do ɣli be wòaxɔ nam gɔ̃ hã la, edoa ʋɔ ɖe nye gbedodoɖa nu." data/train/LAM/LAM_003_Verse_013.mp3,Etsɔ aŋutrɔwo le eƒe daku me tsɔ ŋɔ nye dzi. data/train/LAM/LAM_003_Verse_027.mp3,Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ta wometsrɔ̃ mí o elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ mevɔna o. data/train/LAM/LAM_003_Verse_021.mp3,Evu eƒe da me eye wòdzidze eƒe dati ɖe dzinye. data/train/LAM/LAM_005_Verse_012.mp3,Míezu tsyɔ̃eviwo kple tɔmanɔsitɔwo eye mía nɔwo zu ahosiwo. data/train/LAM/LAM_003_Verse_043.mp3,"Nye kɔ nàkpɔ wo ɖa! Wole anyinɔƒe o, wole tsitrenu o, woɖua fewu le ŋunye le woƒe hadzidziwo me." data/train/LAM/LAM_003_Verse_041.mp3,Nu ka ta amegbetɔ ahe nya ne wohe to nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta? data/train/LAM/LAM_004_Verse_019.mp3,"Woƒe dumegãwo da dzo wu sno, wofu wu nyinotsi, woƒe ŋutilã biã wu soe eye woƒe dzedzeme le abe gbloti ene." data/train/LAM/LAM_002_Verse_017.mp3,"Wò nyagblɔɖilawo ƒe ɖeɖefiawo nye alakpa kple yakanyawo, womeɖe wò nu vɔ̃wo fia wò, be womagaɖo wò ɖe aboyo me o. Ke gbedeasi si wona mi la nye aʋatso eye wòkplɔ mi trae." data/train/LAM/LAM_003_Verse_059.mp3,Wodze agbagba be woatso nye agbe nu le vudo me eye wofɔ kpe ƒum. data/train/LAM/LAM_003_Verse_045.mp3,"Nye ŋkuwo le aɖatsi fam ɖaa, enu gbe tsotso," data/train/LAM/LAM_003_Verse_004.mp3,Elabena mehea fukpekpe kple nuxaxa vaa amegbetɔviwo dzi ɖe dzidzɔ teƒe o. data/train/LAM/LAM_003_Verse_028.mp3,"Megblɔ na ɖokuinye be, “Yehowae nye nye gomekpɔkpɔ, eya ta manɔ esinu kpɔm.”" data/train/LAM/LAM_004_Verse_022.mp3,"Yehowa ƒe amesiamina la, si nye míaƒe agbegbɔgbɔ gɔ̃ hã ge ɖe woƒe mɔ me. Míebu xaa be le eƒe vɔvɔli te la, míanɔ dedie le dukɔwo dome." data/train/LAM/LAM_003_Verse_009.mp3,Enyo na ame be wòatsɔ kɔkuti le ɖekakpuime. data/train/LAM/LAM_001_Verse_015.mp3,"“Yehowa le dzɔdzɔe, gake metsi tsitre ɖe eƒe se la ŋu. Miɖo to, mi amewo katã, mikpɔ nye fukpekpewo ɖa. Nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo katã yi aboyo me." data/train/LAM/LAM_003_Verse_048.mp3,"O Yehowa, èse woƒe dzudzuwo kple nu siwo katã woɖo ɖe ŋunye" data/train/LAM/LAM_005_Verse_013.mp3,"Ne menye ɖe nègbe mí keŋkeŋ, eye nèdo dziku ɖe mía ŋu wu ale si dze hã o." data/train/LAM/LAM_004_Verse_006.mp3,"Amewo doa ɣli ɖe wo ta be, “Midzo le afi sia! Mi ame makɔmakɔwo! Mite yi! Mite yi! Migaka asi mía ŋuti o!” Ke esi wosi dzo le tsaglãla tsam la, amewo le dukɔwo me gblɔna na wo be, “Womate ŋu aganɔ teƒe sia o.”" data/train/LAM/LAM_002_Verse_012.mp3,"Fɔ, fa avi le zã me, dze egɔme ne zãdzɔɣi ƒe ga ƒo, trɔ wò dzi kɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe tsi ene. Tsɔ wò abɔwo do ɖe dzi nɛ le viwòwo ƒe agbe ta, ame siwo dɔwuame na wole kukum le kpɔdomewo." data/train/LAM/LAM_004_Verse_004.mp3,"Ame siwo ɖu nu vivi kpeɖiwo tsã la, zu ame ɖigbɔ̃wo le kpɔdomewo. Ame siwo ta ago veviwo tsã la, mlɔ gbeɖuɖɔ me fifia." data/train/LAM/LAM_002_Verse_021.mp3,Zion vinyɔnu ƒe dumegãwo nɔ anyi ɖe anyigba le ɖoɖoezizi gã me. Wolɔ dzofi kɔ ɖe tame eye wota akpanya. Ke Yerusalem ɖetugbiwo ya de mo to. data/train/LAM/LAM_005_Verse_009.mp3,Míaƒe ŋutilã xɔ dzo abe kpodzo ene eye asrã lé mí le dɔwuame ta. data/train/LAM/LAM_003_Verse_044.mp3,Nye ŋkuwo le aɖatsi fam yoyoyo elabena wotsrɔ̃ nye amewo. data/train/LAM/LAM_001_Verse_005.mp3,“Esia ta mefa avi eye nye ŋkuwo fa aɖatsi blobloblo. Ame aɖeke metsɔ ɖe gbɔnye afa akɔ nam o eye ame aɖeke meli si agbɔ agbe nye luʋɔ o. Vinyewo zu hiãtɔwo elabena futɔ ƒe alɔ yi dzi.” data/train/LAM/LAM_005_Verse_002.mp3,Dzidzɔ vavã dzo le míaƒe dziwo me eye míaƒe ɣeɖuɖu trɔ zu nuxaxa. data/train/LAM/LAM_003_Verse_018.mp3,Ètsɔ mí wɔ ŋunyɔnu kple gbeɖuɖɔe le dukɔwo dome. data/train/LAM/LAM_002_Verse_010.mp3,"Etsɔ dziku helĩhelĩ helã Israel ƒe dzo ɖe sia ɖe ɖa. Esi futɔwo gbɔna mía gbɔ la, eɖe eƒe nuɖusibɔ ɖa. Ebi le Yakob me abe dzo bibi si fia nu sia nu si ƒo xlãe la ene." data/train/LAM/LAM_005_Verse_019.mp3,Wogblẽ Zion nyɔnuwo kple ɖetugbi manyaŋutsuwo le Yuda duwo me. data/train/LAM/LAM_003_Verse_010.mp3,"Èse nye kukuɖeɖe be, “Mègado toku nye ɣlidodo eye nàgbe akɔfafa nam o.”" data/train/LAM/LAM_003_Verse_039.mp3,"Netsɔ eƒe mo ƒo ɖe ke me, ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ gali." data/train/LAM/LAM_004_Verse_012.mp3,"Ke azɔ la, wonyɔ wu zemabi eye ame aɖeke gɔ̃ hã medzea si wo le kpɔdomewo o. Woƒe ŋutigbalẽ lé ɖe woƒe ƒu ŋuti kpaɖii, eye woƒu abe nake ene." data/train/LAM/LAM_004_Verse_009.mp3,"Azɔ wole asi tsam le kpɔdomewo abe ŋkuagbãtɔwo ene. Woƒo ʋu ale gbegbe be, ame aɖeke medo dzi ka asi woƒe awuwo ŋuti o." data/train/LAM/LAM_003_Verse_008.mp3,Enyo be woalala le ɖoɖoezizi me na Yehowa ƒe ɖeɖe. data/train/LAM/LAM_005_Verse_014.mp3,Nu ka ta nèŋlɔa mí be ɣe sia ɣi? Nu ka ta nègblẽ mi ɖi eteƒe didi alea? data/train/LAM/LAM_003_Verse_033.mp3,“Míewɔ nu vɔ̃ hedze aglã eye mètsɔe ke mi o. data/train/LAM/LAM_003_Verse_051.mp3,Ti wo yome kple dziku eye nàtsrɔ̃ wo le Yehowa ƒe dziƒo te. data/train/LAM/LAM_003_Verse_031.mp3,Meɖo ŋku wo katã dzi nyuie eye nye luʋɔ bɔbɔ eɖokui le menye. data/train/LAM/LAM_001_Verse_002.mp3,"“Aƒetɔ la gbe nu le kalẽtɔ siwo katã le donyeme la gbɔ, eɖo aʋakɔ ɖa be woato nye ɖekakpuiwo nyanyanya. Le eƒe wainfiaƒe, Aƒetɔ la fanya Yuda Vinyɔnuwo." data/train/LAM/LAM_005_Verse_015.mp3,"O, Yehowa, èle fia ɖum tegbee, wò fiazikpui li ke tso dzidzime yi dzidzime." data/train/LAM/LAM_005_Verse_011.mp3,"Míetsɔ míaƒe agbe ɖo anyi hafi kpɔa abolo ɖuna, le yi si le gbegbe la ta." data/train/LAM/LAM_005_Verse_004.mp3,Fiakuku ge le ta na mí. Baba na mí elabena míewɔ nu vɔ̃! data/train/LAM/LAM_004_Verse_005.mp3,Amegaxiwo kekeake gɔ̃ hã naa no wo viwo wonona gake nye amewo va zu ŋlɔmitɔwo abe tsatsaboli le dzogbe ene. data/train/LAM/LAM_005_Verse_016.mp3,"O Yehowa, trɔ mí ɖe ɖokuiwò ŋu be míate ŋu atrɔ agbɔ, wɔ míaƒe ŋkekewo yeye abe le blema ene." data/train/LAM/LAM_004_Verse_017.mp3,"O, Zion vinyɔnu, wò tohehe awu enu, wò aboyomenɔnɔ magadzi ɖe edzi o. Gake O, Edom vinyɔnu ahe to na wò nu vɔ̃wo eye wòaɖe wò vɔ̃ɖinyenye ɖe go." data/train/LAM/LAM_002_Verse_007.mp3,Aƒetɔ la zu futɔ eye wòtsrɔ̃ Israel. Etsrɔ̃ eƒe fiasãwo katã eye wògbã eƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi. Edzi Yuda vinyɔnu ƒe nuxaxa kple konyifafa ɖe edzi. data/train/LAM/LAM_002_Verse_004.mp3,"Avifafa na nu te nye ŋkuwo ŋu, nye lãme katã ʋu dzo ɖe menye, nye dzi lolõ hekɔ ɖe anyigba, elabena wotsrɔ̃ nye amewo, eye nu ti kɔ na ɖeviwo kple vidzĩwo siaa le dua ƒe kpɔdomewo." data/train/LAM/LAM_003_Verse_001.mp3,Ame siwo nye nye futɔwo madzemadzee la ɖem ɖe nu abe xevi ene. data/train/LAM/LAM_004_Verse_002.mp3,Ame siwo le mía yome tim la ɖia du wu hɔ̃ le yame; woti mía yome le towo dzi eye wode xa ɖi na mí le gbegbe. data/train/LAM/LAM_003_Verse_035.mp3,Mina míalé ŋku ɖe míaƒe zɔzɔme ŋu ne míado wo akpɔ eye mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu. data/train/LAM/LAM_003_Verse_032.mp3,“Míaƒe futɔwo katã ke nu baa ɖe mía ŋuti. data/train/LAM/LAM_001_Verse_014.mp3,"“O Yehowa, kpɔ ale si metsi dzodzodzoe ɖa! Nye ameti blibo la metɔtɔ eye nye dzi hã le fu ɖem nam elabena medze aglã vevie. Yi le nu gblẽm le gota; eye le eme la, ku koe li." data/train/LAM/LAM_003_Verse_029.mp3,"Mezu nu ɖikokoe le nye amewo katã dome, woɖua fewu le ŋunye to hadzidzi me ŋkeke blibo la katã." data/train/1CO/1CO_015_Verse_010.mp3,"Elabena ku ƒe ti nye nu vɔ̃, eye nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ nye se la." data/train/1CO/1CO_005_Verse_010.mp3,Miyɔ Hametakpekpe gã eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me. Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ kple nye gbɔgbɔ anɔ mia dome le takpekpea me. data/train/1CO/1CO_014_Verse_040.mp3,"Wogblɔe na mí le Nubabla Xoxoa me be, “Matsɔ ame bubuwo ƒe aɖewo kple ame bubuwo ƒe nuyiwo aƒo nu kple dukɔ sia, ke le ɣe ma ɣiwo me gɔ̃ hã la, womaɖo tom o, Aƒetɔ la gblɔe.”" data/train/1CO/1CO_015_Verse_004.mp3,"Ame sia ame atsi tsitre le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi: Kristo tsi tsitre gbã eye ne Kristo gatrɔ va la, eƒe amewo katã agagbɔ agbe." data/train/1CO/1CO_002_Verse_006.mp3,"Ke ame si me Gbɔgbɔ la le la sea nu sia nu me tsitotsito eye esia ɖea fu na xexea me tɔwo, ame siwo me Gbɔgbɔ la mele o, elabena woawo mate ŋu ase nu siawo gɔme o." data/train/1CO/1CO_004_Verse_003.mp3,Esia tututu ta mele Timoteo ɖom ɖe mi be wòava kpe ɖe mia ŋu. Eya hã nye ame siwo mehe va Kristo Yesu gbɔ la dometɔ ɖeka eye enye vinye lɔlɔ̃tɔ kple nuteƒewɔla vavã le Aƒetɔ la me. Timoteo sia agaɖo ŋku nu siwo katã mefiana le hawo katã me la dzi na mi. data/train/1CO/1CO_009_Verse_024.mp3,"Ɖe menye míawo tae wògblɔ nya sia ɖo oa? Ɛ̃, míawo tae, elabena Mawu di be yeaɖee afia be ame si ŋlɔa nu la, naŋlɔe le mɔkpɔkpɔ me, eye ame si tugua mɔlu la natugui le mɔkpɔkpɔ me, be wòakpɔ gome le eme." data/train/1CO/1CO_010_Verse_004.mp3,"Eya ta miganye mɔxenu na ame aɖeke o, eɖanye Yudatɔwo, Grikitɔwo alo Mawu ƒe hame la o." data/train/1CO/1CO_005_Verse_003.mp3,"Ke esi nu sia ƒomevi le edzi yim le mia dome la, ɖe miegale mia ɖokuiwo bum be yewode ŋgɔ le gbɔgbɔ mea? Ɖe wòle be mialé blanui afa konyi ŋukpetɔe eye miaɖe ame sia le hamea me enumake!" data/train/1CO/1CO_007_Verse_011.mp3,"Eya ta nɔviwo, minyae be ne ame aɖe ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu gbegblẽ o, eye ne ame bubu hã meɖe srɔ̃ o la, etɔ kura ganyo wu." data/train/1CO/1CO_010_Verse_031.mp3,"Nɔviwo, miawo hã migaɖia Kristo nu abe ale si wowɔ eye da ɖu wo dometɔ geɖewo woku ene o." data/train/1CO/1CO_006_Verse_017.mp3,"Tsã la, mia dometɔ aɖewo ƒe agbenɔnɔ sɔ pɛpɛpɛ kple ame baɖa siawo tɔ. Ke fifia la, woklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋu eye le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la wɔ na mi ta la, Mawu xɔ mi miezu eƒe ame tɔxɛwo." data/train/1CO/1CO_007_Verse_035.mp3,"Nenema ke ne nyɔnu kristotɔ aɖe srɔ̃ si menye kristotɔ o, gake srɔ̃ŋutsu la lɔ̃ be nyɔnu la nanɔ ye gbɔ la, nyɔnu la hã megagbee o." data/train/1CO/1CO_009_Verse_004.mp3,"elabena woŋlɔe ɖe Mose ƒe segbalẽ la me be, “Megabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Nyitsuwo ŋue Mawu tsi dzi ɖoa?" data/train/1CO/1CO_016_Verse_001.mp3,"Ate ŋu ava eme be manɔ miawo gbɔ wòadidi wu, ɖewohĩ le vuvɔŋɔli blibo la katã me, eye miado mɔm mayi teƒe bubu." data/train/1CO/1CO_001_Verse_021.mp3,"Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Nye la, Paulo tɔ menye”; bubu be, “Apoloe nye nye amegã”; ame aɖewo hã be, “Kefa ƒe ame menye”; Gawu la, ame aɖewo hã be, “Nye koe nye Kristo yomedzela vavã.”" data/train/1CO/1CO_012_Verse_004.mp3,"elabena wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka ma de mawutsi ta na mí katã ɖe ŋutilã ɖeka me, eye mí katã mieno Gbɔgbɔ ɖeka ma, eɖanye Yudatɔ o, alo Grikitɔ o, kluvi alo ablɔɖevi o." data/train/1CO/1CO_016_Verse_014.mp3,"Meɖe kuku na mía nɔvi Apolo be eya kple nɔvia bubuwo nava kpɔ mi ɖa, ke ebu be menye Mawu ƒe ɖoɖo wònye na ye be yeayi fifia o. Ava mia gbɔ emegbe ne mɔnu aɖe ʋu nɛ." data/train/1CO/1CO_008_Verse_007.mp3,Ke ɖeko miakpɔ nyuie be miaƒe ablɔɖe ŋuti dɔ wɔwɔ mezu nu kikli na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo o. data/train/1CO/1CO_003_Verse_013.mp3,"Le esia ta nyemate ŋu ana nuɖuɖu sesẽ mi be miaɖu o, ke boŋ notsi ko mana mi elabena miaƒe dɔgbowo metsi atu nuɖuɖu sesẽ o. Va se ɖe fifia hã la, notsi ko wòle be mianɔ nonom" data/train/1CO/1CO_016_Verse_011.mp3,"Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Stefano, Fortunatus kple Akaiko va ɖo mía gbɔ be yewoakpɔ mí ɖa. Wole kpekpeɖeŋudɔ siwo miele afi sia awɔ nam o la wɔm nam ɖe mia teƒe." data/train/1CO/1CO_004_Verse_002.mp3,"Elabena, togbɔ be ame akpe ewo gɔ̃ hã afia nu mi tso Kristo ŋu hã la, nye koe nye mia fofo. Nyee nye ame si to nyanyui la gbɔgblɔ na mi me he mi va Kristo Yesu gbɔe." data/train/1CO/1CO_001_Verse_023.mp3,"Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia nɔvi siwo le Kloe ƒe aƒe me la dometɔ aɖewo fi tofi nam be nyahehe kple dzre sɔŋ ko dzi miele." data/train/1CO/1CO_010_Verse_003.mp3,Eya ta ame siwo buna be nu siawo mate ŋu adzɔ ɖe yewo dzi o la nakpɔ nyuie be womagadze tetekpɔ me o. data/train/1CO/1CO_010_Verse_021.mp3,"Ne míesɔ gbɔ ale gbegbe hã la, abolo ɖeka ma ko míemana ɖuna. Esia ɖo kpe edzi na mí be mí katã míenye Kristo ƒe ŋutilã ɖeka ma ƒe akpa aɖe." data/train/1CO/1CO_013_Verse_008.mp3,"Lɔlɔ̃ medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋu o, ke ekpɔa dzidzɔ le nyateƒe la me." data/train/1CO/1CO_009_Verse_015.mp3,Miese kpɔ be asrafo si le aʋagbedzi la kpɔ eya ŋutɔ ɖokui dzi le aʋagbedzi kpɔ oa? Alo miese kpɔ be agbledela mekpɔ mɔ aɖu eya ŋutɔ ƒe agblemenukuwo oa? Alo lãnyila kae mekpɔ mɔ ano notsi si wòfia tso eƒe lã ƒe nowo me la ƒe ɖe o? data/train/1CO/1CO_007_Verse_034.mp3,Nenema ke ame siwo wɔa xexe sia me nuwo ŋu dɔ nanɔ abe ɖe wometsɔ ɖeke le xexemenuwo me o ene. Elabena ale si xexe sia me le fifia la nu ava yi kpuie. data/train/1CO/1CO_012_Verse_021.mp3,"Nu ka nàbu ne èse to wògblɔ be, “Nyemenye ŋutilã la ƒe akpa aɖeke o elabena to ko menye, nyemenye ŋku o”? Ɖe esia awɔe be megade blibo abe ŋutinu ɖeka ene oa?" data/train/1CO/1CO_015_Verse_002.mp3,"Ale menye gbɔgbɔmetɔe nye gbãtɔ o, ke boŋ dzɔdzɔmetɔ lae. Eya megbe hafi gbɔgbɔmetɔ va." data/train/1CO/1CO_002_Verse_001.mp3,elabena meɖoe kplikpaa be nyemagblɔ nya boo aɖeke wu esi ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ku le atitsoga ŋuti la ŋu o. data/train/1CO/1CO_011_Verse_013.mp3,Gake minyae nyuie be Mawu ƒe ɖoɖoe nye be ŋutsu kple nyɔnu siaa hiã na wo nɔewo le woƒe agbenɔnɔ me. data/train/1CO/1CO_006_Verse_014.mp3,"Nu ka ta va se ɖe fifia hã la, mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣe sia ɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia tɔ o," data/train/1CO/1CO_012_Verse_006.mp3,"Eya ta Mawu wɔ ŋutinu geɖewo, ke ŋutilã ɖeka koe li." data/train/1CO/1CO_004_Verse_008.mp3,"Ke ame aɖe abia be, ɖe nye Paulo hã mewɔ dɔ abe dɔla nyui enea? Esia menye nya si ɖea fu na nye susu o. Nyemetsɔ ɖeke le nu si miawo alo ame bubu aɖewo buna le nye dɔwɔwɔ ŋu la me o. Azɔ hã nyemeka ɖe nye ŋutɔ nye nyametsotso hã dzi le nya sia me o." data/train/1CO/1CO_004_Verse_014.mp3,"Míawo ŋutɔ míetsɔa asi wɔa dɔ kple kutrikuku be míakpɔ mía ɖokuiwo dzii. Míeyraa ame siwo ƒoa fi dea mí la, eye míegbɔa dzi ɖi blewu na míaƒe futɔwo." data/train/1CO/1CO_007_Verse_016.mp3,"Gake ne ame aɖe ya tea ŋu ɖua eɖokui dzi nyuie, eye le esia ta wòɖoe le eƒe dzi me be yemaɖe srɔ̃ o la, ewɔe nyuie." data/train/1CO/1CO_012_Verse_011.mp3,"Ke, menye nenemae Mawu wɔ mí o. Ewɔ míaƒe ŋutilã ƒe ŋutinu geɖewo eye wòtsɔ ŋutinu ɖe sia ɖe ɖo afi si tututu wòdi be wòanɔ." data/train/1CO/1CO_013_Verse_003.mp3,"Ke azɔ la, nu siwo li la ƒe vɔvɔli ko kpɔm míele le ahuhɔ̃e me, emegbe míakpɔ nuawo ŋkume kple ŋkume. Azɔ la, menya nu afã kple afã; emegbe la, manyae blibo, abe ale si wonyam keŋkeŋkeŋ egbea ene." data/train/1CO/1CO_006_Verse_003.mp3,elabena Mawu ƒle mi ho gã aɖee. Eya ta miwɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ŋu dɔ hena Mawu ƒe dodoɖedzi kple kafukafu elabena etɔwoe mienye. data/train/1CO/1CO_011_Verse_008.mp3,"eya ta ele be nyɔnu natsyɔ nu eƒe ta atsɔ afia be yele ye srɔ̃ ƒe ŋusẽ te, eye abe ɖaseɖiɖi na mawudɔlawo ene." data/train/1CO/1CO_012_Verse_002.mp3,"Azɔ la, nunana tɔxɛ ƒomevi geɖewo li gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma koe nye wo katã ƒe dzɔtsoƒe." data/train/1CO/1CO_001_Verse_029.mp3,"(Ɛ̃, meɖo ŋku edzi be mede mawutsi ta na Stefano kple eƒe aƒemetɔwo hã. Le woawo megbe la, nyemegade mawutsi ta na ame bubu aɖeke kura o.)" data/train/1CO/1CO_004_Verse_016.mp3,"Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, mava mia gbɔ kpuie eye nyemegbɔna be mava nya nu siwo gblɔm dadala siawo le la ɖeɖe ko o, ke boŋ be manya afi si wokpɔ ŋusẽ hã tsoe hafi le nyawo gblɔm." data/train/1CO/1CO_015_Verse_007.mp3,"Elabena ale si amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe amewo katã hã le Kristo me." data/train/1CO/1CO_015_Verse_024.mp3,"Eɖe eɖokui fia Kefa gbã, eye emegbe ame wuieveawo dometɔ bubuawo hã kpɔe." data/train/1CO/1CO_007_Verse_009.mp3,Eya ta magblɔ na trewo kple ahosiwo be woanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee abe nye ŋutɔ ene. data/train/1CO/1CO_015_Verse_026.mp3,"Ke mele nya ɣaɣla wɔnuku sia gblɔm na mi: Mí katã míaku o, ke woana ŋutilã yeyewo mí katã." data/train/1CO/1CO_016_Verse_022.mp3,Nyemegadi azɔ be makpɔ mi ɖa ɣeyiɣi kpui aɖe ko eye matso eme o. Medi be mava nɔ anyi sẽe ne Aƒetɔ la aɖe mɔ nam. data/train/1CO/1CO_013_Verse_002.mp3,"gake ne blibodede va la, ekema nu si mede blibo o la abu ɖa." data/train/1CO/1CO_008_Verse_001.mp3,"Ame si lɔ̃a Mawu le anukware me la, eyae Mawu hã nyana." data/train/1CO/1CO_014_Verse_037.mp3,"Nenema ke, ne ègblɔ nya na ame aɖe le gbe si menya o me la, aleke wòawɔ hafi anya nya si gblɔm nèle? Asɔ kple nànɔ nu ƒom le xɔ si me ame aɖeke mele o la me." data/train/1CO/1CO_016_Verse_016.mp3,"Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me. Minɔ agbe abe kalẽtɔwo ene, eye misẽ ŋu." data/train/1CO/1CO_009_Verse_000.mp3,Aleke bum miele le ŋutinye? Ɖe mɔɖeɖe meli be mava dze mia gbɔ abe apostolo bubuawo ene le nye mɔzɔzɔwo me oa? data/train/1CO/1CO_006_Verse_002.mp3,"Alo mienya be miaƒe ŋutilãwo nye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutilã ƒe akpa vovovowo oa? Ne ele alea la, ekema ɖe wònyo be miatsɔ Kristo ƒe ŋutilã ade ha kple ahasiwɔla tɔa? Gbeɖe, mele be wòanɔ alea o!" data/train/1CO/1CO_006_Verse_015.mp3,Nu ka ta wòhiã be miatsɔ miaƒe nyawo ayi na dzimaxɔsetɔwo be woadrɔ̃ na mi? data/train/1CO/1CO_014_Verse_035.mp3,"Ne nya aɖe le wo si woabia la, woabia wo srɔ̃wo le aƒe me, elabena mesɔ be nyɔnuwo naɖe woƒe susuwo afia le hamea ƒe takpekpewo me o." data/train/1CO/1CO_006_Verse_005.mp3,"fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo, ameŋunyagblɔlawo kple amebalawo la, womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o." data/train/1CO/1CO_008_Verse_012.mp3,"Nu si adzɔ lae nye be ne kristotɔ aɖe si ƒe dzitsinya gblɔ nɛ be menyo be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanu o, ke ame sia va kpɔ wò kristotɔ bubu nènɔ anyi ɖe trɔ̃xɔ me le nu ɖum la, ana be eya hã nate kpɔ be yeaɖui. Ke ne eɖui la, eƒe dzitsinya aɖe fu nɛ vevie eye wòagbɔdzɔ le eƒe dzixɔse me." data/train/1CO/1CO_006_Verse_007.mp3,"Ke ame si tsɔ eɖokui lé ɖe Aƒetɔ la ŋu la, eya kplii wozu ɖeka le gbɔgbɔ me." data/train/1CO/1CO_008_Verse_003.mp3,"Eya ta ne to trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu me, mana nɔvinye kristotɔ aɖe nazu nu vɔ̃ wɔla la, ekema nyemagaɖu nu sia tɔgbi gbeɖe o, elabena nyemedi be mana nɔvinye nage le xɔse me o." data/train/1CO/1CO_011_Verse_034.mp3,Ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mefia mi be enye ŋukpe be ɖa legbe nanɔ ŋutsu ta oa? data/train/1CO/1CO_015_Verse_040.mp3,"Ne eva dzɔ alea la, ekema Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me nyawo ava eme be, “Womi ku le dziɖuɖu me.”" data/train/1CO/1CO_015_Verse_056.mp3,"Ŋutilã le amegbetɔ ɖe sia ɖe si abe Adam tɔ ene. Wowɔe tso anyi me, ke ame siwo katã zu Kristo tɔ la, Kristo ƒe ŋutilã tɔgbi, si anye ŋutilã si tso dziƒo la anɔ wo si." data/train/1CO/1CO_010_Verse_015.mp3,"Migazu trɔ̃subɔlawo hã abe wo dometɔ aɖewo ene o, abe ale si woŋlɔe ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be, “Wonɔ anyi ɖu nu eye wono nu nyuie eye wotsi tsitre, emegbe la, woɖu ɣe.”" data/train/1CO/1CO_014_Verse_033.mp3,"Ne ame aɖe susu be yenye nyagblɔɖila alo gbɔgbɔmenunana le ye si la, nexɔe se be nu siwo meŋlɔ na mi la nye sedede tso Aƒetɔ la gbɔ." data/train/1CO/1CO_014_Verse_009.mp3,"Elabena ne mado gbe ɖa le gbe si nyemenya o me la, nye gbɔgbɔ ado gbe ɖa gake nyemanya nya si megblɔ o." data/train/1CO/1CO_012_Verse_014.mp3,"Mawu toa mɔ vovovowo dzi wɔa eƒe dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me, ke Mawu ɖeka ma ke koe wɔa eƒe dɔ to mí ame siwo katã nye etɔwo la dzi." data/train/1CO/1CO_009_Verse_006.mp3,"Eya ta nyemele duɖime kem taɖodzinu manɔsitɔe o, eye nyemele kɔ dam abe ŋutsu si le kɔ dam ɖe yame la ene o," data/train/1CO/1CO_016_Verse_019.mp3,"Ne Timoteo va la, mina eƒe mo nadze anyi, elabena ele Aƒetɔ la ƒe dɔ wɔm abe nye ke ene." data/train/1CO/1CO_009_Verse_001.mp3,"Alo miesusu be nye kple Barnabas koe anɔ fu kpem, anɔ dɔ wɔm be míakpɔ mía ɖokuiwo dzi, le esime miawo miele ame bubuwo dzi kpɔm nyuie ɣe sia ɣia?" data/train/1CO/1CO_006_Verse_006.mp3,"Gbe ɖeka la, Mawu afɔ miaƒe ŋutilã ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, abe ale si tututu wòtsɔ eƒe ŋusẽ fɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ene." data/train/1CO/1CO_011_Verse_006.mp3,"Esia ta menyo be ŋutsu natsyɔ nu ta ne wòle gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi o, elabena nuwɔna sia medea bubu eƒe tatɔ Kristo ŋu o." data/train/1CO/1CO_012_Verse_009.mp3,Gbɔgbɔ la kee naa xɔse ame aɖe eye wònaa dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ ame bubu. data/train/1CO/1CO_010_Verse_010.mp3,"Le esi wolĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mawu ŋu ta la, Mawu ɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ wo dometɔ geɖewo hã." data/train/1CO/1CO_007_Verse_025.mp3,"Le esiawo katã wɔwɔ me la, ame sia ame nakpɔ egbɔ be yewɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo dzi le srɔ̃ɖeɖe me loo alo le trenɔnɔ me, eye nu sia nu si Mawu na ame aɖe la, wòaxɔe kple dzi faa. Hamewo katã nawɔ ɖe sedede vevi siawo dzi." data/train/1CO/1CO_006_Verse_010.mp3,"Le esia ta mele gbe tem ɖe edzi na mi be miadzudzɔ ahasiwɔwɔ elabena ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ si ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã. Eya ta ne miewɔ nu vɔ̃ sia la, miawo ŋutɔwo koe akpe fu." data/train/1CO/1CO_007_Verse_026.mp3,"Le kpɔɖeŋu me, ne wotso aʋa na ŋutsu aɖe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi wòtrɔ zu kristotɔ la, amea megatsi dzi le eŋu kura o. Nenema ke, ne wometso aʋa na ame aɖe hã o la, eya hã megatsi dzi be ele be yeatso aʋa kokoko o." data/train/1CO/1CO_007_Verse_001.mp3,"Ame sia ame nanɔ nɔnɔme si me wònɔ hafi Mawu yɔe, ne enye aʋatsotsotɔ alo aʋamatsomatsotɔ." data/train/1CO/1CO_013_Verse_011.mp3,"Ne nyagblɔɖi ƒe nunana le asinye, eye nunya katã hã le asinye be mate ŋu ase nu ɣaɣlawo gɔme, eye ne xɔse le asinye be maɖe gbe na towo be woaho, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenyo na naneke o." data/train/1CO/1CO_014_Verse_001.mp3,"Ale ame siwo katã si nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana le la ate ŋu aƒo nu ɖekaɖeka, eye ame sia ame nasrɔ̃ nu, eye nu si wòsrɔ̃ la nade dzi ƒo nɛ, eye wòakpe ɖe eŋu." data/train/1CO/1CO_015_Verse_050.mp3,"Nɔvinyewo, megblɔ esia na mi: Anyigbadziŋutilã si nye lã kple ʋu la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o. Míaƒe ŋutilã siwo gblẽna la menye ŋutilã nyuitɔ siwo anɔ agbe tegbee o." data/train/1CO/1CO_012_Verse_012.mp3,"ke míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo ate ŋu akpɔ la nenema o. Ale Mawu wɔ ŋutilã le mɔ sia nu be míatsɔ bubu kple beléle na ŋutinu tɔxɛ aɖewo, ne menye nenema o la, adze abe ɖe womele vevie tututu o ene." data/train/1CO/1CO_002_Verse_014.mp3,"Nya siwo tututu Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ na mí la, woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi." data/train/1CO/1CO_002_Verse_000.mp3,"Amegbetɔ aɖeke mate ŋu anya nu si le nɔvia ƒe ta me alo ame si ƒomevi tututu ame bubu aɖe nye o, ke amea ŋutɔ koe anya nu si le ta me nɛ. Nenema ke ame aɖeke mate ŋu anya Mawu ƒe susuwo o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔ ko." data/train/1CO/1CO_002_Verse_002.mp3,"Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase hã o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme." data/train/1CO/1CO_015_Verse_008.mp3,"Elabena ele be woatrɔ míaƒe anyigbadziŋutilã siwo le mía si fifia, eye woate ŋu aku la woazu dziƒoŋutilã siwo mate ŋu agblẽ o, ke boŋ woanɔ agbe tegbee." data/train/1CO/1CO_015_Verse_001.mp3,"Abe ale si nuku kple ati ƒomevi vovowo li ene la, nenema kee ŋutilã ƒomevi vovovowo hã li. Amegbetɔwo, lãwo, tɔmelãwo kple xeviwo ƒe ŋutilãwo to vovo." data/train/1CO/1CO_011_Verse_003.mp3,"Elabena togbɔ be nyɔnu gbãtɔ do go tso ŋutsu me hã la, tso ɣe ma ɣi dzi va se ɖe fifia la, ŋutsuwo do go tso nyɔnu me, eye wo katã tso Mawu, woƒe Wɔla gbɔ." data/train/1CO/1CO_014_Verse_020.mp3,"Ke ne míele Mawu subɔm le hame la, anyo be magblɔ nya atɔ̃ siwo gɔme amewo ase, eye wòanye kpekpeɖeŋu na wo wu magblɔ nya akpe ewo “ɖe gbe manyamanyawo me.”" data/train/1CO/1CO_007_Verse_028.mp3,"Menye ɖe mele nya siawo gblɔm be maɖe dzi le mia ƒo le srɔ̃ɖeɖe ŋu o, ke boŋ be makpe ɖe mia ŋu. Medi be miadze agbagba awɔ nu sia nu si ana be miate ŋu asubɔ Mawu nyuie la eye miagaɖe mɔ na nu kukluiwo be woaxe mɔ na mi o." data/train/1CO/1CO_001_Verse_009.mp3,"Esi xexea me metsɔ eya ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, edze Mawu ŋu be yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ ame siwo axɔ ase la." data/train/1CO/1CO_015_Verse_049.mp3,Nyee nye ame mamlɛtɔ si kpɔe; nye ame si le abe vidzĩ si ƒe ŋkeke mede hafi wodzi o ene ɖe ame bubuawo katã yome abe ɖe wotsi megbe akpa hafi dzim na ekpɔkpɔ ene. data/train/1CO/1CO_011_Verse_017.mp3,"Ke ne Mawu drɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòhe to na mi la, ɖe wòwɔe be womagabu fɔ mi abe xexea me tɔ mamlɛawo ene o." data/train/1CO/1CO_014_Verse_015.mp3,"Hekpe ɖe esia ŋu la, ne ame si mekpɔ ɖeɖe o alo ame si si nunana siawo mele o, ava miaƒe sɔleme, eye wòase mi katã mianɔ gbe bubuwo gblɔm la, abu mi tsukunɔwoe." data/train/1CO/1CO_007_Verse_038.mp3,"Nɔviwo, nu si gblɔm mele lae nye be: Ɣeyiɣi la le kpuie, eya ta tso azɔ dzi la, ame siwo si srɔ̃ le la nanɔ agbe abe srɔ̃ ɖe mele wo si o ene." data/train/1CO/1CO_015_Verse_034.mp3,"Le esia megbe la, kristotɔwo wu alafa atɔ̃ kpɔe zi ɖeka. Ame siawo dometɔ aɖewo gale agbe, ke ɖewo hã ku." data/train/1CO/1CO_004_Verse_005.mp3,"Eya ta mele kuku gã aɖe ɖem na mi be miato nye afɔtoƒe, eye miawɔ nu si mewɔna la." data/train/1CO/1CO_007_Verse_013.mp3,"Eyae nye be, le fukpekpe geɖe si le mí kristotɔwo dzi vam le egbeŋkekewo me ta la, anyo be ame sia ame nanɔ anyi abe ale si wòle fifia ene." data/train/1CO/1CO_004_Verse_000.mp3,"Elabena ame kae wɔ mi mieto vovo tso ame bubuwo gbɔ? Nu kae le mia si, si menye Mawue na mi o? Ke ne mielɔ̃ ɖe edzi be nu siwo katã le mia si la nye nunana tso Mawu gbɔ la, nu ka ta miele dadam abe ɖe wosu mia si to mia ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze me ene?" data/train/1CO/1CO_010_Verse_001.mp3,"Azɔ ne mieyi asi me la, miƒle lã ɖe sia ɖe si dzram wole, eye migabia be afi ka lãa tso hã o. Ne menye nenema o la, ɖewohĩ ŋuɖoɖo la aɖe fu na miaƒe dzitsinya." data/train/1CO/1CO_016_Verse_021.mp3,"Nye Paulo, meŋlɔ agbalẽ sia ƒe nya mamlɛtɔwo kple nye ŋutɔ nye asi." data/train/1CO/1CO_011_Verse_031.mp3,"Nyemedi be ame aɖeke nanɔ nya hem le nu sia ŋu fũu o, elabena nu si ko fiam míele lae nye be ele be nyɔnu natsyɔ nu ta ne wòle gbe dom ɖa alo ne wòle nya gblɔm ɖi le amewo dome. Mawu ƒe hame bubuawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi." data/train/1CO/1CO_011_Verse_020.mp3,"Mehiã be ŋutsu ya natsyɔ nu ta o, elabena esia nye eɖokui dada ɖe anyi. Ŋutsue nye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe elabena Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme me wòwɔe ɖo, eye nyɔnu hã nye ŋutsu ƒe ŋutikɔkɔe." data/train/1CO/1CO_009_Verse_018.mp3,"Ne mele ame siwo ƒe xɔse meli ke tututu haɖe o la dome la, megbɔa dzi ɖi na wo ale be woalɔ̃ be makpe ɖe yewo ŋu. Ɛ̃, medzea agbagba be masɔ kple ame sia ame le mɔ ɖe sia ɖe dzi, ale be makpɔ mɔnu aɖe kokoko aƒo nu nɛ tso Kristo ŋu be wòakpɔ ɖeɖe tso egbɔ." data/train/1CO/1CO_005_Verse_006.mp3,"Le nye agbalẽ si meŋlɔ na mi do ŋgɔ me la, megblɔ na mi be migade ha kple ahasiwɔlawo o." data/train/1CO/1CO_009_Verse_011.mp3,Menye amegbetɔwo ƒe susu ko gblɔm mele o; Mawu ƒe se gɔ̃ hã ɖo kpe nu siawo dzi pɛpɛpɛ data/train/1CO/1CO_009_Verse_007.mp3,"Gake nyemebia pesewa ɖeka hã tso mia gbɔ kpɔ o. Menye ɖe mele esia gblɔm na mi ne miabu be ɖe medi be miaɖo ga ɖem azɔ o. Le nyateƒe me, ne dɔ wum meku la, enyo wu be maxɔ ga le mia si, eye mabu dzidzedze gã si mekpɔna ne megblɔ mawunya na mi faa." data/train/1CO/1CO_002_Verse_011.mp3,"Meva mia gbɔ le ɖokuibɔbɔ gã aɖe me eye menɔ vɔvɔ̃m, henɔ dzodzom nyanyanya." data/train/1CO/1CO_009_Verse_013.mp3,"Mezu abe semanɔsitɔ ene hena semanɔsitɔwo (gake nyemenye semanɔsitɔ na Mawu o, ke mele Kristo ƒe se la me boŋ), be asinye nasu semanɔsitɔwo dzi." data/train/1CO/1CO_001_Verse_010.mp3,"Eya ta abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ne ame aɖe aƒo adegbe la, nèƒoe le nu si Aƒetɔ la wɔ la ko ŋu.”" data/train/1CO/1CO_012_Verse_023.mp3,"Nu sia naa dzidzɔkpɔkpɔ nɔa ŋutinuwo dome, ale ŋutinuawo tsɔa beléle na wo nɔewo abe woawo ŋutɔ ke ene." data/train/1CO/1CO_010_Verse_008.mp3,"Gake ne miebe yewoaɖu nua ko, ame aɖe gblɔ be wotsɔ nuɖuɖu la sa vɔ na trɔ̃wo gbã hafi tsɔ na mi la, ekema migaɖui o, ɖe nu si ame si gblɔ nya sia na mi la abu tso nu si mieɖu la ŋuti ta." data/train/1CO/1CO_015_Verse_036.mp3,Migana ame siwo gblɔa nya siawo la nado lã mi o. Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔwɔ nyuiwo. data/train/1CO/1CO_015_Verse_023.mp3,"eye wogakpɔa mí hã abe Mawu ƒe aʋatsoɖaseɖilawo ene, elabena míegblɔ be Mawu fɔ Kristo tso yɔdo me." data/train/1CO/1CO_015_Verse_042.mp3,"Nenema ke míaƒe anyigbadziŋutilã siwo kuna, eye wonyunyɔna la to vovo tso ŋutilã siwo anɔ mía si ne míetsi tsitre la gbɔ, elabena woawo ya magaku gbeɖe o." data/train/1CO/1CO_009_Verse_026.mp3,"Ɖe mɔɖeɖe meli be makplɔ srɔ̃nyɔnu si nye xɔsetɔ ɖe asi ava dze mia gbɔ abe ale si apostolo bubuawo, Yesu nɔviwo kple Kefa hã wɔna ene oa?" data/train/1CO/1CO_002_Verse_007.mp3,"Ke ne mele kristotɔ siwo de ŋgɔ le gbɔgbɔ me la dome la, meƒoa nu na wo kple nunya tɔxɛ. Ke hã la, nyemewɔa xexe sia me nunya ŋu dɔ o, eye nyemegblɔa nya siwo ƒomevi asɔ to me na ame ŋkuta siwo le xexea me, ame siwo le tsɔtsrɔ̃ ge abe ale si Mawu ɖoe anyi ene o." data/train/1CO/1CO_015_Verse_043.mp3,"Nenye ame ƒe susu nue mewɔ avu kple lã wɔadã mawo le Efeso la, ekema viɖe ka wònye nam? Ne womefɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la, “Ekema anyo be míaɖu nu, ano nu eye míakpɔ dzidzɔ, elabena etsɔ míaku eye nu sia nu ase afi ma.”" data/train/1CO/1CO_013_Verse_000.mp3,"elabena míenya nu afã kple afã, eye míegblɔa nya ɖi afã kple afã," data/train/1CO/1CO_011_Verse_029.mp3,"Nenema ke ne nyɔnu aɖe metsyɔ nu ta hafi le gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi le amewo dome o la, ekema edo ŋukpe gã aɖe srɔ̃a, elabena efia be mebɔbɔ eɖokui na srɔ̃a o." data/train/1CO/1CO_015_Verse_000.mp3,"Abe ale si anyigbadzitɔa ƒe nɔnɔme le mía ŋu la, nenema kee dziƒotɔa ƒe nɔnɔme anɔ mía si gbe ɖeka." data/train/1CO/1CO_010_Verse_014.mp3,"Miganye ɖokuitɔdilawo o, ke boŋ mibu mia nɔewo ŋu le miaƒe wɔnawo me." data/train/1CO/1CO_014_Verse_018.mp3,"Ke ne ame aɖeke meli aɖe nyaawo gɔme o la, ekema mele be woaƒo nu le ha la me o, ke boŋ woaƒo nu na wo ɖokuiwo kple Mawu ko le gbe manyamanya la me, ke menye woaƒo nu sesĩe na ameha la o." data/train/1CO/1CO_016_Verse_004.mp3,"elabena mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe li nam be magblɔ mawunya eye mafia nu le afi sia. Mɔnukpɔkpɔ geɖewo li, ke futɔwo hã sɔ gbɔ." data/train/1CO/1CO_016_Verse_008.mp3,"Le Kɔsiɖa ɖe sia ɖe gbe la, ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ ga si wòkpɔ le kɔsiɖa me la ƒe akpa aɖe adzra ɖo, eye wòawɔ eŋu dɔ na nunana sia. Ga home la ku ɖe home si Aƒetɔ la kpe ɖe amea ŋu wòkpɔ la ŋu. Migalala va se ɖe esime mava afi ma hafi miadze agbagba be yewoadzɔ ga home la katã zi ɖeka o." data/train/1CO/1CO_015_Verse_030.mp3,Ke nyateƒe lae nye be Kristo tsi tsitre tso ame kukuwo dome vavã eye wòzu gbãtɔ na ame akpeakpe siwo ava tsi tsitre gbe ɖeka. data/train/1CO/1CO_008_Verse_005.mp3,"ke míawo ya, míenya be Mawu ɖeka si nye fofo la koe li, ame si gbɔ nuwo katã tso. Eyae míele agbe na, eye Aƒetɔ ɖeka koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to, eye to eya dzi míele agbe." data/train/1CO/1CO_005_Verse_012.mp3,"Nu si mewɔnɛ lae nye be migade ha kple ame siwo le wo ɖokuiwo yɔm be kristotɔwo, gake woganye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, amebalawo, legbasubɔlawo, ahanomunɔwo kple dzrewɔlawo o. Migaɖu nu kple ame siawo ƒomevi gɔ̃ hã o." data/train/1CO/1CO_004_Verse_011.mp3,"Mawufiaɖuƒe la me nɔnɔ menye nukpoloeƒoƒo wònye o, ke boŋ enye agbenɔnɔ le Mawu ƒe ŋusẽ me." data/train/1CO/1CO_001_Verse_013.mp3,"Ke eya ŋutɔ gbɔ wòtso miele Yesu Kristo me, ame si zu nunya, dzɔdzɔenyenye, kɔkɔenyenye kple ɖeɖe si tso Mawu gbɔ la na mi." data/train/1CO/1CO_003_Verse_000.mp3,Ame siwo ƒe dɔ mefia le dzo me o la axɔ woƒe fetu. data/train/1CO/1CO_015_Verse_014.mp3,"Emegbe la, Mawu naa dzedzeme nyui yeye aɖee; nɔnɔme si eya ŋutɔ di be wòanɔ esi. Ati bubu ƒomevi doa go tso nuku ɖe sia ɖe ƒomevi me." data/train/1CO/1CO_005_Verse_002.mp3,"Eya ta mina míaɖu nu, ano nu le Kristo me be míatsi nyuie le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me, eye míaɖe asi le agbe vlo siwo míenɔna tsã la ŋu, adzudzɔ fuléle kple tamesesẽ, ke boŋ mina be bubu, nyateƒetoto kple nu si le eteƒe la wɔwɔ nanye míaƒe gbe sia gbe nuɖuɖu kple nunono." data/train/1CO/1CO_011_Verse_004.mp3,"Elabena ɣe sia ɣi si miaɖu abolo sia eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava." data/train/1CO/1CO_010_Verse_020.mp3,"Ne míele Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe ɖum la, mí katã míedoa gbe ɖa eye míenoa nu le kplu ɖeka nu. Ɖe esia mefia be mí katã míele yayra ɖeka xɔm tso Kristo ƒe ʋu me oa? Azɔ ne míeka abolo ɖeka me heɖu la, esia hã fia be mí katã míekpɔ viɖe tɔxɛ tso Kristo ƒe ŋutilã me oa?" data/train/1CO/1CO_003_Verse_016.mp3,"Mikpɔ nyuie be miaganɔ mia ɖokuiwo flum o. Ne mia dometɔ aɖe bu be yenyaa nu ŋutɔ le amewo ƒe nukpɔkpɔ nu la, ekema ele be wòawɔ eɖokui bometsilae hafi ate ŋu anye nunyala vavãtɔ tso dziƒo." data/train/1CO/1CO_015_Verse_013.mp3,"Elabena nyee nye apostoloawo katã dometɔ suetɔ eye le ale si mewɔ fu Mawu ƒe hamea ta la, mele be woayɔm gɔ̃ hã be apostolo hafi o." data/train/1CO/1CO_002_Verse_012.mp3,"Mewɔ esia be miaƒe xɔse nali ke le Mawu ƒe ŋusẽ me, ke menye le amewo ƒe nunya nu o." data/train/1CO/1CO_015_Verse_005.mp3,"Azɔ la, nɔviwo, mina maɖo ŋku nu si tututu nyanyui la nye la dzi na mi elabena nyanyui la metrɔ o; nyanyui ma kee megblɔ na mi kpɔ. Miexɔe nyuie tsã kple fifia siaa elabena mieɖo miaƒe xɔse la anyi sesĩe ɖe nya wɔnuku sia dzi." data/train/1CO/1CO_003_Verse_011.mp3,Ke ne ame aɖe ƒe xɔ fia le dzoa me la ekema ebu nu gã aɖe gake woaɖe eya ŋutɔ abe ame si woɖe le dzo bibi me ene. data/train/1CO/1CO_009_Verse_022.mp3,"Nɔviwo, ɖe mienya be Mawu ŋutɔ ɖe mɔ na ame siwo nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me be woatsɔ nunana siwo amewo tsɔ vɛ na Mawu la ƒe ɖe awɔ wo ŋu dɔ faa oa? Ame siwo hã wɔa dɔ le Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋu la ɖua nu siwo amewo tsɔ vɛ be yewoatsɔ sa vɔe na Mawu la ƒe ɖe faa." data/train/1CO/1CO_003_Verse_005.mp3,"Eya ta nɔviwo, miganɔ dadam ɖe amegbetɔ dzi o! Nuwo katã nye mia tɔ," data/train/1CO/1CO_011_Verse_007.mp3,"Esiae na be mia dometɔ geɖewo gbɔdzɔ le ŋutilã me, ɖewo le dɔ lém eye ɖewo ku gɔ̃ hã." data/train/1CO/1CO_009_Verse_002.mp3,"Ame sia ame si di be yeakpɔ gome le hoʋiʋli aɖe me la toa hehexɔxɔ sesẽwo me. Wowɔa esia be woaxɔ dziɖuɖukuku si gblẽna; ke míawo la, míekea duɖime be míaxɔ dziɖuɖukuku magblẽmagblẽ." data/train/1CO/1CO_016_Verse_020.mp3,"Nu sia nu si miawɔ la, miwɔe kple amenuveve kple lɔlɔ̃." data/train/1CO/1CO_006_Verse_018.mp3,"Ɖe mienya be ame si de ha kple ahasitɔ aɖe la zu ŋutilã ɖeka kplii oa? Elabena wogblɔe be, “Wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka.”" data/train/1CO/1CO_012_Verse_019.mp3,"Ne fukpekpe va ŋutinu ɖeka dzi la, ŋutinu bubuawo katã kpea fu kplii, ke ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, bubuawo katã tsoa aseye." data/train/1CO/1CO_011_Verse_000.mp3,"Azɔ ne mieva ƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka hele nu ɖum la, menye Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la ɖuɖue nye ema o." data/train/1CO/1CO_010_Verse_006.mp3,"eye wono gbɔgbɔmenunono ma ke, elabena wonoe tso gbɔgbɔmekpe gbadza si zɔ kpli wo le gbea dzi, eye kpe gbadza siae nye Kristo." data/train/1CO/1CO_007_Verse_017.mp3,"Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, meka ɖe edzi be ne nyɔnu ahosi la megaɖe srɔ̃ bubu kura o la, anyo nɛ wu. Meka ɖe edzi be Mawu ƒe Gbɔgbɔe le aɖaŋu sia ɖom na mi to dzinye." data/train/1CO/1CO_010_Verse_011.mp3,"Le nya sia me la, edze be miabu nu si ame sia gblɔ tso nuɖuɖu la ŋuti ŋu vevie. Eye miabia be, nu ka ta wòle be ame bubu ƒe dzitsinya nawɔ mi kluviwoe le nu si mienya be enyo la ŋuti?" data/train/1CO/1CO_007_Verse_018.mp3,"Ke mele se sia dem na srɔ̃tɔwo (menye nyee le sea dem o, ke boŋ Aƒetɔ lae) be srɔ̃nyɔnu mekpɔ mɔ agbe srɔ̃ŋutsua o." data/train/1CO/1CO_011_Verse_025.mp3,"Ne dɔ le ame aɖe wum vevie la, ekema neɖu nu le aƒe me kpoo, ale be eƒe nuwɔna magahe tohehe va edzii o. Nɔviwo, ne meva ɖo mia gbɔ hã, míalé nya mamlɛawo akpɔ." data/train/1CO/1CO_009_Verse_010.mp3,"Le esia ta la, nye fetu koe nye dzidzɔ tɔxɛ si yɔa menye ne megblɔ nyanyui na amewo faa, naneke maxɔmaxɔe, zi ale si wòle ɖoɖo nu be maxɔ fetu ɖe nye dɔwɔna ta hafi." data/train/1CO/1CO_009_Verse_003.mp3,"Elabena nyemedze na kafukafu tɔxɛ aɖeke le nye mawunyagbɔgblɔ ta o. Ele nam kokoko be manɔ egbɔgblɔ dzi ɣe sia ɣi madzudzɔmadzudzɔe. Ne meke atse dzudzɔ la, baba nam!" data/train/1CO/1CO_015_Verse_016.mp3,"Eya ta Kristo aɖu fia va se ɖe esime wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi," data/train/1CO/1CO_014_Verse_025.mp3,"Madi be “gbe bubuwo gbɔgblɔ” ƒe nunana nanɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe si, ke nu si wu esiae nye be mi katã miate ŋu agblɔ nya ɖi, agblɔ Mawu ƒe nya, elabena esia nye ŋusẽ gã kple ŋusẽ si ŋu viɖe le wu be woagblɔ gbe manyamanyawo, negbe ne miate ŋu aɖe nya siwo miegblɔ la gɔme na amewo emegbe, ale be hame la nakpɔ ŋgɔdede." data/train/1CO/1CO_011_Verse_026.mp3,"Ne miedzro mia ɖokuiwo me kpɔ nyuie hafi ɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, ekema ʋɔnudɔdrɔ̃ alo tohehe aɖeke meli na mi o." data/train/1CO/1CO_007_Verse_002.mp3,"Ame siwo le nu xam la, nanɔ abe ɖe womele nu xam o ene, dzidzɔkpɔlawo nanɔ abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene, eye ame siwo ƒle nuwo kɔ ɖi la nawɔ abe nuawo ɖe menye wo tɔ o ene." data/train/1CO/1CO_015_Verse_015.mp3,Enye nyateƒe be menɔa ku ƒe asi me gbe sia gbe. Esia nye nyateƒe abe ale si medana le miaƒe tsitsi le Kristo Yesu míaƒe Aƒetɔ la me la ta ene. data/train/1CO/1CO_010_Verse_002.mp3,Ele be míasrɔ̃ nu tso esia me be míawo hã míagatsi nu vɔ̃ɖiwo yome abe mía tɔgbuiwo ene eye míagasubɔ legbawo abe ale si wowɔ ene o. data/train/1CO/1CO_001_Verse_008.mp3,"Ena be míegbã go le nu sia nu me le nuƒoƒo kple nunya siaa me," data/train/1CO/1CO_007_Verse_033.mp3,"Ne nyɔnu ɖe srɔ̃ ko la, ekema megakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃a kpɔ ŋusẽ ɖe edzi, eye nenema ke srɔ̃nyɔnu hã kpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃ŋutsua ƒe ŋutilã dzi, ale ŋutsua mate ŋu awɔ nu si dze eya ŋutɔ ɖeɖe ko ŋu o." data/train/1CO/1CO_007_Verse_029.mp3,"Migatsi dzi ɖe naneke ŋu o. Ne srɔ̃ mele ŋutsu aɖe si o la, ekema ekpɔa vovo ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔ ŋu nyuie eye wòdina ɣe sia ɣi be yeƒe agbe nadze Aƒetɔ ŋu." data/train/1CO/1CO_010_Verse_032.mp3,"Wo katã woɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu ma ke," data/train/1CO/1CO_016_Verse_017.mp3,"Miwɔ nu siwo woaɖo na mi, eye miwɔ nu sia nu si miate ŋui la be miakpe ɖe wo kple ame bubu siwo katã tsɔ wo ɖokuiwo sa vɔe abe woawo ke ene, eye wowɔa dɔ sesĩe le mia dome la ŋu." data/train/1CO/1CO_016_Verse_009.mp3,"Manɔ Efeso le afi sia va se ɖe Pentekoste ƒe ŋkekenyui la dzi," data/train/1CO/1CO_012_Verse_028.mp3,"Ŋutinu siwo míabu be wonye nu gblɔewo, eye womele vevie o la woe nye esiwo hiã wu." data/train/1CO/1CO_015_Verse_019.mp3,"Eye ne nuku la mie la, nu miemie la toa vovo sãa tso nuku si mieƒã gbã la gbɔ. Nu si miede to me la nye bliku sue aɖe ko alo nuku bubu aɖe si mieƒã." data/train/1CO/1CO_011_Verse_005.mp3,"Enyo be mama va mia dome, be ame siwo li ke le Mawu me la nadze ƒãa le mia dome." data/train/1CO/1CO_009_Verse_020.mp3,"Nenema ke Aƒetɔ ɖe gbe be ame siwo gblɔa nyanyui la fiana la, woakpɔ agbemenuwo tso nyanyui la me." data/train/1CO/1CO_015_Verse_048.mp3,"Nyanyui sia ke dzie mieto kpɔ ɖeɖe, ne mielé nya si megblɔ na mi la me ɖe asi sesĩe ko. Ne menye nenema o la, ekema miaƒe xɔse la nye dzodzro." data/train/1CO/1CO_011_Verse_033.mp3,"Ŋutsu gbãtɔ si Mawu wɔ ɖe xexea me la medo go tso nyɔnu me o, ke boŋ nyɔnue do go tso ŋutsua me." data/train/1CO/1CO_003_Verse_018.mp3,"Ne ame aɖe ke atse do ŋunyɔ, eye wògblẽ Mawu ƒe aƒe sia la, Mawu hã atsrɔ̃ ame ma enumake, elabena Mawu ƒe aƒe la nye teƒe kɔkɔe si me ɖiƒoƒo aɖeke mele o eye miawo tututu nye aƒe sia." data/train/1CO/1CO_015_Verse_017.mp3,"Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu, eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa, elabena mienya be nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔa la mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o." data/train/1CO/1CO_014_Verse_029.mp3,"Meda akpe na Mawu be, “megblɔa gbe manyamanyawo” le ɖokuinye si wu mia dometɔ ɖe sia ɖe." data/train/1CO/1CO_001_Verse_004.mp3,Edzɔ dzi nam ŋutɔ eye meda akpe na Mawu vevie be Krispo kple Gayo ɖeɖe koe nye ame siwo nye ŋutɔ mede mawutsi ta na le mia dome. data/train/1CO/1CO_015_Verse_021.mp3,Eye nu ka ta wòle be míatsɔ míaƒe agbe ade xaxa me anɔ ku ƒe asi me ɣe sia ɣi? data/train/1CO/1CO_011_Verse_011.mp3,"Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ne mieva be yewoaɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, milala va se ɖe esime ame sia ame va ƒo ƒu hafi miadze egɔme." data/train/1CO/1CO_011_Verse_012.mp3,"eye esi wòdo gbe ɖa heda akpe na Mawu ɖe eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ na wo be, “Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã si wotsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia ne miatsɔ aɖo ŋku dzinye.”" data/train/1CO/1CO_012_Verse_031.mp3,"Ɛ̃, ŋutinu geɖewo le ŋutilã la ŋu, menye ŋutinu ɖeka koe wɔ ŋutilã o." data/train/1CO/1CO_014_Verse_026.mp3,"Mate ŋu atsɔ dzewo alo kasaŋkuwo aɖo kpɔɖeŋu, afia be nyagbɔgblɔ le gbe siwo míenya me la le vevie wu le gbe siwo míenya o la me. Ame aɖeke manya ha si kum wole o, negbe ɖeko woku gbeɖiɖi ɖe sia ɖe pɛpɛpɛ eme kɔ." data/train/1CO/1CO_016_Verse_023.mp3,Nɔvi siwo katã le afi sia la bia tso asinye be mado gbe na mi na yewo. Mido gbe na mia nɔewo kple lɔlɔ̃ si dze la ne miedo go. data/train/1CO/1CO_003_Verse_010.mp3,"Ke ele be ame sia ame naɖo ŋku edzi be ne Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ɖo edzi la, woado xɔtunu vovovoawo kpɔ. Woatsɔ dzo ado ame sia ame ƒe dɔwɔna kpɔ, akpɔe ɖa be eƒe dɔ la anɔ te mahã?" data/train/1CO/1CO_009_Verse_008.mp3,"ke boŋ meƒoa nye ŋutilã hewɔnɛ nye kluvie ale be nyemabu dziɖuɖufiakuku la o, le esime wònye nyee gblɔ agbenya la na amewo hafi." data/train/1CO/1CO_005_Verse_004.mp3,"Ke menye dzimaxɔsetɔ siwo nye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, fiafitɔwo kple legbasubɔlawo la mewɔnɛ o. Zi ale si miele xexea me ko la, miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖe aga le ame siawo gbɔ o." data/train/1CO/1CO_016_Verse_018.mp3,"Ne meva la, maŋlɔ agbalẽ akpe ɖe miaƒe lɔlɔ̃ ƒe nunana la ŋu aɖo ɖe Yerusalem to dɔla nuteƒewɔla aɖe si miawo ŋutɔ miatia la dzi." data/train/1CO/1CO_004_Verse_010.mp3,"Le Kristo ta la, míezu abe bometsilawo ene, ke miawo mienye kristotɔ nunyalawo. Míegbɔdzɔna le ŋutilã me gake ŋusẽ le miawo ya ŋu. Wobua mi nyuie, ke míawo la, míezu ame ɖigbɔ̃wo ɖeɖe ko!" data/train/1CO/1CO_014_Verse_016.mp3,"Ke ame si gblɔa nya ɖi, eye wògblɔa Mawu ƒe nya la le kpekpeɖeŋu nam ame bubuwo be woatsi le Aƒetɔ la me, eye wòle ŋusẽ dom wo, hele akɔ fam na wo." data/train/1CO/1CO_009_Verse_014.mp3,"Míedo gbɔgbɔmenuku nyuiwo ɖe miaƒe dziwo me, eya ta ne míebia nuɖuɖu kple avɔtata tso mia gbɔ la, megblẽ kura o." data/train/1CO/1CO_003_Verse_020.mp3,"Nye kple Apolo la, dɔ ɖeka ma ke ko wɔm míele. Taɖodzinu ɖeka koe le mía si, ke Mawu axe fe na mía dometɔ ɖe sia ɖe le ale si wòdo vevi ɖe eƒe dɔ ŋu la nu." data/train/1CO/1CO_013_Verse_006.mp3,"Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o. Nyagblɔɖiwo katã nu ava yi, afi si aɖe yeye gbɔgblɔ le la atɔ eye afi si sidzedze le la, enu ava yi," data/train/1CO/1CO_001_Verse_018.mp3,"Mawu tia xexemenu maɖinuwo, nu siwo wodo ŋunyɔe kple nu siwo mele ɖeke me o, be wòatsɔ aɖi gbɔ nu si nye nanee," data/train/1CO/1CO_013_Verse_012.mp3,"Nenye ɖe matsɔ nu sia nu si le asinye la ana ame dahewo, eye matsɔ nye ŋutilã ana be woatɔ dzoe, gake nyemelɔ̃a amewo o la, viɖe aɖeke kura manɔ nu sia ŋu o." data/train/1CO/1CO_011_Verse_028.mp3,"Nenema ke esime woɖu nua vɔ hã la, etsɔ wainkplu la, eye wògblɔ be, “Kplu siae nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe nubabla yeye le nye ʋu me, ɣe sia ɣi si mianoe la, miatsɔe aɖo ŋku dzinye.”" data/train/1CO/1CO_010_Verse_017.mp3,"Ne ame aɖe di be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu la, ate ŋu aɖui faa, meda Mawu ƒe se aɖeke dzi o, gake menye eya ta ame naɖu nu sia o. Togbɔ be se aɖeke mexe mɔ nɛ o hã la, ɖewohĩ nuwɔna sia medze tututu be wòawɔ o." data/train/1CO/1CO_004_Verse_012.mp3,"Menya nyuie be dadagbɔgbɔ yɔ mia dometɔ aɖewo me, eye miele gbɔgblɔm gɔ̃ hã be nyemate ŋu ava he nya ɖe yewo ŋu o." data/train/1CO/1CO_002_Verse_005.mp3,"“Ke ame kae nya Aƒetɔ la ƒe susu? Ame kae afia nui?” Ke míawo la, Kristo ƒe susu le mía si." data/train/1CO/1CO_014_Verse_030.mp3,Mia gbɔe Mawu ƒe nya dze egɔme tsoa? Alo miawo gbɔ koe wòɖoa? data/train/1CO/1CO_004_Verse_017.mp3,Nu si le vevie na dɔla lae nye be wòakpɔ egbɔ be yenye nuteƒewɔla. data/train/1CO/1CO_005_Verse_009.mp3,"Minya ame sia tsɔ de asi na Satana be wòahe to nɛ vie le ŋutilã me, ale be to esia me la, ɖewohĩ eƒe luʋɔ akpɔ ɖeɖe ne Aƒetɔ Yesu gatrɔ va." data/train/1CO/1CO_007_Verse_005.mp3,"Azɔ nye ŋutɔ medi be maɖo aɖaŋu aɖe na ame mamlɛawo. (Nyee le egblɔm, menye Aƒetɔ la ƒe sedede o). Eyae nye be ne kristotɔ aɖe nyɔnu si menye kristotɔ o, gake nyɔnu la lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, ŋutsua megaɖe asi le eŋu o." data/train/1CO/1CO_011_Verse_030.mp3,"Nu ka! Enye nyateƒe be nu siawo le edzi yim le mia domea? Miate ŋu aɖu nu alo ano nu le aƒe me oa? Ɖe wòle be miado ŋukpe Mawu ƒe hamea eye miaɖi gbɔ̃ ame siwo si naneke mele oa? Esi miele esia wɔm la, ɖe miedi be makafu yewoa? Gbeɖe, nyemakafu mi akpɔ o." data/train/1CO/1CO_006_Verse_008.mp3,"Ke nu ka ta wòle dzɔdzɔm le mia dome be kristotɔ nakplɔ nɔvia kristotɔ ayi ʋɔnu le dzimaxɔsetɔwo, ame siwo menya Mawu o la gbɔ?" data/train/1CO/1CO_013_Verse_001.mp3,"Esi menye ɖevi la, meƒo nu, eye mebu ta me abe ɖevi ene. Ke esi metsi la, nye susuwo tsi sãa wu nye ɖevimesusuwo, eye azɔ la meɖe asi le ɖevimenuwo ŋu." data/train/1CO/1CO_015_Verse_035.mp3,Míeda akpe na Mawu le esiawo katã ta! Eyae wɔ mí dziɖulawoe to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi! data/train/1CO/1CO_007_Verse_014.mp3,"gake le ahasiwɔwɔ ta la, enyo be ame naɖe srɔ̃, ŋutsu ɖe sia ɖe kple etɔ; nenema kee nye nyɔnu ɖe sia ɖe hã, ale be ame aɖeke nagawɔ nu vɔ̃ o." data/train/1CO/1CO_014_Verse_010.mp3,"Ele be nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le hamea ƒe takpekpewo me. Womade nu nyameɖeɖewo me o, elabena wole ŋutsuwo te abe ale si se la hã fia ene." data/train/1CO/1CO_014_Verse_022.mp3,"Ke nenye be ɖeɖefia aɖe va na ame siwo nɔ anyi dometɔ aɖe la, ekema ame gbãtɔ nazi ɖoɖoe, ana mɔ nɔvia." data/train/1CO/1CO_012_Verse_001.mp3,"Ao, ke midze agbagba be miaƒe asi nasu nunana siwo le vevie wu esiawo la dzi. Azɔ la, mina maƒo nu na mi tso mɔ bubu aɖe si nyo wu esiawo katã la ŋu." data/train/1CO/1CO_007_Verse_010.mp3,"Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ale si ame sia ame nɔ hafi zu kristotɔ ko la, nenɔ nenema le Mawu ƒe ŋkume." data/train/1CO/1CO_012_Verse_020.mp3,"Ne ŋutilã blibo la nye ŋku ko la, ekema aleke wòawɔ hafi ase nu? Alo ne wò ŋutilã blibo la nye to gã ɖeka la, aleke nàwɔ hafi ase nane ƒe ʋeʋẽ?" data/train/1CO/1CO_011_Verse_023.mp3,Midrɔ̃e le miawo ŋutɔ mia ɖokui me kpɔ be enyo be nyɔnu naɖe eƒe ta ɖi ƒuƒlu ko anɔ gbe dom ɖa na Mawua? data/train/1CO/1CO_009_Verse_019.mp3,"Ne mele Yudatɔwo dome la, mewɔa nu sia nu abe Yudatɔ ene, ale be woalɔ̃ aɖo to nyanyui si gblɔm mele na wo la. Ke mezu abe ame si le sea te ene hena ame siwo le sea te (evɔ la, nye ŋutɔ nyemele sea te hafi o), be asinye nasu ame siwo le sea te la dzi." data/train/1CO/1CO_013_Verse_009.mp3,"Lɔlɔ̃ menaa ta o, ekana ɖe nu dzi ɣe sia ɣi, ekpɔa mɔ ɣe sia ɣi, eye wòdoa vevi nu ɣe sia ɣi." data/train/1CO/1CO_012_Verse_029.mp3,"Ɖe ame sia ame si xɔ amenuveve ƒe nunana ate ŋu ayɔ dɔ dɔnɔwoa? Kura o! Ɖe Mawu na ŋusẽ mía dometɔ ɖe sia ɖe be míaƒo nu le gbe siwo míesrɔ̃ kpɔ o la mea? Ɖe ame sia ame ate ŋu ase nu si gbe bubu gblɔlawo le gbɔgblɔm, eye wòaɖe egɔmea?" data/train/1CO/1CO_008_Verse_010.mp3,"Mina míatrɔ ɖe nya la gbɔ azɔ. Eyae nye, enyo be kristotɔ naɖu nu si woɖa na trɔ̃wo kple legbawo loo alo menyo be wòaɖui oa? Mí katã míenya kɔtɛe be, “Mawu gbagbe ɖeka pɛ koe li” eye “Legbawo la, womenye naneke kura le xexe sia me o.”" data/train/1CO/1CO_004_Verse_015.mp3,"Ne ame aɖe gblɔ nya vɔ̃ɖi tso mía ŋu hã la, míewɔa dzre kplii o. Ke esiawo katã meɖe vi aɖeke o, elabena va se ɖe fifia hã la, amewo mebua mí o. Míele ko abe xexe sia me ƒe aɖukpodzinu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖeke kura mele o la ene." data/train/1CO/1CO_001_Verse_011.mp3,Eya ta mia dometɔ aɖeke mate ŋu agblɔ be wode mawutsi ta na ye le nye ŋkɔ me o. data/train/1CO/1CO_015_Verse_028.mp3,"Ke ne woɖe gbeƒã be Kristo fɔ tso ame kukuwo dome la, aleke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o mahã?" data/train/1CO/1CO_014_Verse_034.mp3,"Ne aʋakpẽkula meku gbeɖiɖiawo pɛpɛpɛ o la, aleke asrafoawo awɔ hafi anya be wole yewo yɔm na aʋakpekpe?" data/train/1CO/1CO_015_Verse_058.mp3,"Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe na mí be, “Ame gbãtɔ, Adam, zu luʋɔ gbagbe.” Ke Adam mamlɛtɔ la zu gbɔgbɔ si na agbe." data/train/1CO/1CO_007_Verse_008.mp3,"Ele na srɔ̃ŋutsu be wòakpɔ egbɔ be yemegblẽ ye srɔ̃ ɖi le go aɖeke me o, eye srɔ̃nyɔnu hã nawɔ nenema pɛpɛpɛ." data/train/1CO/1CO_001_Verse_003.mp3,"Azɔ la, gbɔgbɔmenunana aɖeke matsi mia nu o, eye mianɔ lalam vevie na Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la." data/train/1CO/1CO_003_Verse_015.mp3,"Mawu ƒe hadɔwɔlawo ko míenye, ke miawoe nye Mawu ƒe agble kple eƒe xɔ si wòtu, menye nye kple Apolo tɔwoe mienye o." data/train/1CO/1CO_015_Verse_033.mp3,"Le ema megbe la, Kristo aɖu futɔ ɖe sia ɖe kple fiaɖuƒe kpakple ŋusẽ ƒomevi ɖe sia ɖe dzi. Nuwuwu la ava eye wòatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu, Fofo la." data/train/1CO/1CO_009_Verse_017.mp3,"Ne ame bubuwo mebum ɖe apostolowo dome o hã la, miawo ya mienya be apostolo menye elabena dzinyee mieto le Aƒetɔ la me hafi zu kristotɔwo fifia." data/train/1CO/1CO_012_Verse_030.mp3,"Ɛ̃, dzi dzɔa mí ŋutɔ be ŋutinu aɖewo le mía ŋu, eye wodzena abe bubu mele wo ŋu o ene. Míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo makpɔ o," data/train/1CO/1CO_014_Verse_027.mp3,Mawu menye ame si lɔ̃na be woawɔ nuwo basabasa o; elɔ̃a nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nyuitɔ nu abe ale si wòle le hame bubuwo katã me ene. data/train/1CO/1CO_008_Verse_013.mp3,"Nɔviwo, minyae be nuɖuɖu mewɔnɛ míetena ɖe Mawu ŋu kpokploe o. Nuɖuɖu megblẽa mí ɖe edzi alo wɔnɛ míenyona ɖe edzi o." data/train/1CO/1CO_005_Verse_008.mp3,"Menye míaƒe dɔ wònye be míadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo menye hametɔwo alo kristotɔwo o, gake enye míaƒe dɔdeasi vevi aɖe be míadrɔ̃ ʋɔnu hametɔwo, aka mo na wo, eye míahe to na ame siwo le nu vɔ̃ɖi wɔm." data/train/1CO/1CO_005_Verse_011.mp3,"Miɖe ame vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome, bena miaƒe ŋkɔ nagagblẽ o, eye mianɔ dzadzɛe. Miɖo ŋku edzi be wowu Kristo, ame si nye Mawu ƒe Alẽvi la, abe ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalẽvi ene na mí." data/train/1CO/1CO_014_Verse_023.mp3,"ke womenye naneke na nye ya o. Ame si aƒo nu nam le gbe siawo dometɔ ɖeka me la anye amedzro nam, eye nye hã manye amedzro nɛ." data/train/1CO/1CO_006_Verse_020.mp3,"Ɖe mienyae bena, gbe ɖeka la, mí kristotɔwoe aɖu fia ɖe xexea me blibo dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu xexea me tɔwo o mahã? Nu ka ta miate ŋu adzra nya suewo ɖo le mia nɔewo dome o?" data/train/1CO/1CO_012_Verse_007.mp3,Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖea Mawu ƒe ŋusẽ fiana toa mía dometɔ ɖe sia ɖe me eye wòtoa esia dzi kpena ɖe hame blibo la ŋu. data/train/1CO/1CO_014_Verse_032.mp3,Miɖo ŋku edzi be ame si xɔ gbedeasi aɖe tso Mawu gbɔ la ate ŋu azi eɖokui dzi alo alala va se ɖe esime wòaɖo edzi be wòaƒo nu. data/train/1CO/1CO_016_Verse_015.mp3,"Migana ame aɖeke nado vloe alo agbe toɖoɖoe o, ke mina wòakpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣi si wòanɔ mia dome la me, eye miaɖoe ɖem le ŋutifafa me. Mele mɔ kpɔm be makpɔ eya kple nɔvi bubu siwo trɔ gbɔna la kaba." data/train/1CO/1CO_009_Verse_021.mp3,"Nenye nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nue metsɔ le dɔa wɔm la, ekema maxɔ nunana tɔxɛ tso Aƒetɔ la gbɔ gake mele eme alea o, ke boŋ Mawu ŋutɔe tiam tsɔ dɔ xɔasi sia de asi nam eya ta nyemate ŋu agbe o." data/train/1CO/1CO_011_Verse_022.mp3,"Mese be nyahehe vivivo, dzrewɔwɔ kple mama ɖe ha kukluiwo me sɔŋ koe nye nu si dzɔna le hame la me. Mexɔe se hã be nu siawo le eme vavã." data/train/1CO/1CO_007_Verse_022.mp3,Ke srɔ̃tɔ ya mate ŋu awɔ alea o elabena agbe sia me ƒe hloloetsotso xɔa eƒe ɣeyiɣi eye eƒe didi koe nye be yeadze ye srɔ̃ ŋu ɣe sia ɣi. data/train/1CO/1CO_001_Verse_019.mp3,Meda akpe na nye Mawu ɖaa ɖe mia ta le Mawu ƒe amenuveve si wòna mi le Kristo Yesu me la ta. data/train/1CO/1CO_010_Verse_007.mp3,"Gake le esiawo katã megbe la, wo dometɔ geɖewo sẽ to eye womewɔ Mawu ƒe gbe dzi o. Ale Mawu tsrɔ̃ wo eye woƒe ŋutilã kukuawo kaka ɖe gbea dzi." data/train/1CO/1CO_015_Verse_032.mp3,"Ku va xexea me le nu si ame ɖeka, Adam, wɔ la ta eye le nu si ame bubu sia, Kristo, wɔ la ta la, tsitretsitsi tso ame kukuwo dome li azɔ." data/train/1CO/1CO_013_Verse_005.mp3,"Lɔlɔ̃ gbɔa dzi ɖi blewuu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ mebiã ŋu hã o; meƒoa adegbe o, eye medana o." data/train/1CO/1CO_011_Verse_010.mp3,"Eya ta ne ame aɖe aɖu abolo sia eye wòano nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadzee la, ekema awɔ nu vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋu." data/train/1CO/1CO_014_Verse_002.mp3,"Ale miakpɔe be nuƒoƒo le gbe bubuwo me, nye dzesi, menye Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia Mawu ƒe amewo o, ke boŋ enye ɖeɖefia na ame siwo mekpɔ ɖeɖe o. Nu si kristotɔwo hiã lae nye nyagbɔgblɔɖi si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nyateƒenya detoawo; ke dzimaxɔsetɔwo mele klalo nɛ o." data/train/1CO/1CO_007_Verse_019.mp3,"Ke ne egbee la, ele nɛ be wòanɔ tre alo wòatrɔ ayi aɖawɔ ɖeka kple srɔ̃ŋutsua. Nenema ke srɔ̃ŋutsu hã mekpɔ mɔ agbe srɔ̃nyɔnu la o." data/train/1CO/1CO_003_Verse_009.mp3,"Ke ame ka tututue nye Apolo alo nye Paulo ŋutɔ, be mianɔ dzre wɔm ɖe mía ta? Mawu ƒe dɔla maɖinu siwo wòna ŋutete tɔxɛ aɖewo ko míenye eye to míaƒe dɔwɔwɔwo me la, miexɔ Mawu dzi se." data/train/1CO/1CO_014_Verse_008.mp3,"elabena ne èkafu Mawu, eye nèda akpe nɛ le gbɔgbɔ me ko kple nuƒoƒo le gbe bubu me la, ame siwo mese nu si wɔm nèle gɔme o la ate ŋu agblɔ “Amen” kpli wòa? Aleke woate ŋu akpe ɖe ŋuwò miada akpe na Mawu ne womese nu si gblɔm nèle la gɔme o?" data/train/1CO/1CO_011_Verse_001.mp3,"Elabena megblɔ nu si tututu Aƒetɔ la ŋutɔ gblɔ le Nuɖuɖu Kɔkɔe la ŋu na mi xoxo eye eyae nye be: Le zã si me wodee asi la, Aƒetɔ Yesu tsɔ abolo ɖe asi," data/train/1CO/1CO_014_Verse_019.mp3,"Ke ne mi katã miegblɔ nya ɖi, eye miegblɔ Mawu ƒe nya la, togbɔ be xɔsetɔwoe miegblɔa nya siawo na hã la, ame aɖe si mekpɔ ɖeɖe o alo kristotɔ yeye aɖe si va, eye mese nu siawo gɔme o la, nyagbɔgblɔ siawo katã ana wòadze sii be nu vɔ̃ wɔla yenye. Ekema nya sia nya si wòase la awɔ dɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi." data/train/1CO/1CO_004_Verse_021.mp3,"Va sa ɖe fifi laa hã la, dɔ le mía wum, tsikɔ hã le mía wum, eye míekpɔ awu vuvu teti hã ado be vuvɔ nagawɔ mí o. Eye esi aƒe aɖeke mele mía si o ta la, wotua asi mí tso afii yi afi mɛ." data/train/1CO/1CO_003_Verse_022.mp3,"Wogagblɔe na mí le Psalmowo ƒe agbalẽ hã me be, “Aƒetɔ la nya be nunyalawo ƒe susuwo katã le wodzoe abe ɖetifu ko ene.”" data/train/1CO/1CO_003_Verse_019.mp3,"Nukudola kple ame si de tsi nukuawo la ƒe dɔ mele vevie abe Mawu, ame si na be nukuawo tsi la tɔ ene o." data/train/1CO/1CO_007_Verse_032.mp3,"Ne mia dometɔ aɖe kpɔe be trenɔnɔ menyo na ye o elabena yemetea ŋu ɖua ye ɖokui dzi nyuie o la, ekema ele be wòaɖe srɔ̃. Esia menye nu vɔ̃ o." data/train/1CO/1CO_003_Verse_002.mp3,"Elabena ame aɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖokpe bubu aɖeke anyi si to vovo tso esi li xoxo, si nye Yesu Kristo la gbɔ o." data/train/1CO/1CO_014_Verse_036.mp3,"Ne wona nunana ame aɖe be wòate ŋu agblɔ nya le gbe manyamanyawo me la, ele be wòado gbe ɖa be woana nunana ye be yeanya nu si yegblɔ, ale be yeate ŋu aɖe egɔme na amewo emegbe." data/train/1CO/1CO_012_Verse_015.mp3,"Medi be mianya be ame sia ame si tsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le nu ƒom la, mate ŋu agblɔ be, “Yesu ƒe fiƒode neva dziwò” o, eye ame aɖeke mate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be, “Yesu nye Aƒetɔ” o, negbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me ko." data/train/1CO/1CO_007_Verse_030.mp3,"Ne ènye kluvi hafi zu kristotɔ la, mègana wòaɖe fu na wò o gake ne èkpɔ mɔnu be nàzu ablɔɖevi la, mègana wòato ŋuwò o." data/train/1CO/1CO_007_Verse_006.mp3,Elabena kɔnu sia wɔwɔ mele vevie kura le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me o. Nu si le vevie nye be kristotɔ nakpɔ egbɔ be yele Mawu ƒe sewo dzi wɔm eye be Mawu nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ɣe sia ɣi. data/train/1CO/1CO_012_Verse_016.mp3,Míaƒe ŋutilã anye nu wɔnuku aɖe ne wònye ŋutinu ɖeka koe wɔe! data/train/1CO/1CO_005_Verse_001.mp3,"Enye nublanui ŋutɔ be, togbɔ be nu dziŋɔ sia le edzi yim le mia dome hã la, miegale mia ɖokuiwo bum ame kɔkɔewoe. Mienyae be, “Deku ɖekae gblẽa bubuawo katã oa?” Eye ne mieɖe mɔ be ame ɖeka nawɔ nu vɔ̃ sia ɖe, magblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu oa?" data/train/1CO/1CO_001_Verse_006.mp3,"elabena Mawu ŋutɔ gblɔ be, “Magblẽ nunyalawo ƒe nunya me; eye maɖe gɔmeselawo ƒe nugɔmesese ɖa.”" data/train/1CO/1CO_010_Verse_019.mp3,"Ne màte ŋu ada akpe na Mawu ɖe nuɖuɖu la ta ko aɖui la, nu ka ta wòle be mana ame bubu nagblẽ nu siawo katã me, elabena eya bu be meda vo?" data/train/1CO/1CO_003_Verse_001.mp3,"Dɔ si Mawu de asi nam koe nye be mado nuku la ɖe miaƒe dziwo me, eye Apolo hã ƒe dɔe nye be wòade tsi nukuawo. Ke Mawu ŋutɔe na be nukuawo tsi, eye wotse ku le miaƒe dziwo me." data/train/1CO/1CO_001_Verse_016.mp3,"ke míawo ya míeɖea gbeƒã Kristo, ame si woklã ɖe ati ŋuti, nu si nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinya na ame siwo menye Yudatɔwo o," data/train/1CO/1CO_016_Verse_006.mp3,Hame siwo le Asia afi sia la do gbe na mi. Akwila kple Priskila kple ame bubu siwo katã kpea ta le woƒe aƒe me hena sɔlemedede la hã do gbe na mi le Aƒetɔ la me. data/train/1CO/1CO_001_Verse_022.mp3,Miaƒe nuwɔna sia na wòle dzedzem abe ɖe Kristo ma ɖe akpa vovovowo me ene. Ke medi be mabia mi se be nye Paulo ye ku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta hã? Alo wode mawutsi ta na mia dometɔ aɖe le nye ŋkɔ dzia? data/train/1CO/1CO_005_Verse_007.mp3,"Mawu ŋutɔ koe adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo mele kristoha la me o. “Ke ele be miawo ŋutɔ miakpɔ nya sia gbɔ, eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me kokoko.”" data/train/1CO/1CO_008_Verse_000.mp3,"Ale wò ame si tsi le gbɔgbɔ me la ƒe nuwɔna azu nuɖiaɖia gã aɖe na ame bubu si hã ta Kristo ku ɖo, gake wònye vidzĩ le gbɔgbɔ me." data/train/1CO/1CO_015_Verse_003.mp3,"Ame gbãtɔ si tso anyigba me la nye anyi, ame evelia nye Aƒetɔ si tso dziƒo." data/train/1CO/1CO_001_Verse_015.mp3,Ke Mawu tia xexemebometsinuwo be wòatsɔ ado ŋukpe nunyalawoe. Mawu tia xexemegbɔdzɔgbɔdzɔnuwo be woado ŋukpe nu sesẽwo. data/train/1CO/1CO_015_Verse_038.mp3,"Ne ame kukuwo magatsi tsitre o la, ekema viɖe kae le mawutsidede ta na amewo ɖe ame kukuwo nu me? Nu ka ta wòle be miawɔe ne miexɔe se be ame kukuwo magatsi tsitre o?" data/train/1CO/1CO_008_Verse_004.mp3,"Ke menye ame sia amee nya esia o. Ame aɖewo la, trɔ̃wo ƒe nuwo ma wo ale gbegbe be ne woɖu nu siawo tɔgbiwo la, wogabuna be trɔ̃woe wotsɔe sa vɔe na, eye esi wònye woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ta la, woƒe dzitsinya bua fɔ wo." data/train/1CO/1CO_006_Verse_011.mp3,"Mele nya siawo gblɔm kple susu be ŋu nakpe mi. Ɖe miele gbɔgblɔm be le miaƒe hame bliboa me la, ame aɖeke kura meli si si susu le, ale be wòate ŋu awɔ nya siawo ŋu dɔ na mi oa?" data/train/1CO/1CO_008_Verse_002.mp3,Enye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Kristo ŋu be wò nuwɔna naɖe dzi le ƒo na ame bubu be wòawɔ nu si tsi tsitre ɖe eƒe dzitsinya ŋu. data/train/1CO/1CO_003_Verse_023.mp3,"Ɖe mienyae be Mawu ƒe xɔe mienye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me oa?" data/train/1CO/1CO_012_Verse_017.mp3,"Miaɖo ŋku edzi be hafi miazu kristotɔwo la, mienye trɔ̃subɔlawo. Mietso legba ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ, eye wolé míaƒe susu hekplɔ mi trae le legba maƒonu siawo gbɔe." data/train/1CO/1CO_011_Verse_016.mp3,"Ke medi be maɖo ŋku nu ɖeka aɖe dzi na mi. Eyae nye be srɔ̃nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe tatɔe nye srɔ̃ŋutsu, eye srɔ̃ŋutsu hã ƒe tatɔe nye Kristo, eye Mawu hã nye tatɔ na Kristo." data/train/1CO/1CO_015_Verse_022.mp3,"eye wòaɖu futɔ mamlɛtɔ si nye ku gɔ̃ hã dzi. Woaɖu eya hã dzi, eye woaɖee ɖa," data/train/1CO/1CO_001_Verse_001.mp3,Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ kpli mi. data/train/1CO/1CO_001_Verse_007.mp3,Elabena Mawu ƒe bometsinya xɔ asi wu amewo ƒe nunya eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sesẽ wu amewo ƒe ŋusẽ. data/train/1CO/1CO_015_Verse_046.mp3,"Nu siawo katã ava eme le aɖabaƒoƒo ɖeka me ne woku kpẽ mamlɛtɔ. Elabena woaku kpẽ aɖe tso dziŋgɔlĩ me eye kristotɔ siwo katã ku la atsi tsitre enumake kple ŋutilã yeye siwo maku akpɔ o eye mí ame siwo gale agbe la, woana ŋutilã yeyewo míawo hã enumake." data/train/1CO/1CO_007_Verse_020.mp3,"Ke ne èɖe srɔ̃ la, mèwɔ nu vɔ̃ o, eye ne ɖetugbivi dzaa ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu vɔ̃ o, gake ame siwo ɖe srɔ̃ la, woado go fuɖename geɖewo le agbe sia me. Nukpekeame siawo mee medi be maɖe mi tsoe." data/train/1CO/1CO_011_Verse_021.mp3,"Mese be nu si dzɔna lae nye be ne miesɔ be yewoaɖu nu la, ame aɖewo mekpɔa naneke tsɔna vanɛ o. Ame aɖewo ya tsɔa nu geɖewo vanɛ. Ame siawo ɖua nu siwo woawo ŋutɔ tsɔ vɛ la katã, eye wonoa aha muna. Evɔ la, ame aɖewo ya nɔa dɔmeɣi." data/train/1CO/1CO_012_Verse_024.mp3,"Nu siawoe nye ɖoƒe siwo Mawu ɖo ɖe eƒe hame si nye eƒe ŋutilã me la dometɔ aɖewo. Gbãtɔ, apostolowo; evelia, nyagblɔɖilawo; etɔ̃lia, nufialawo; emegbe nukunuwɔlawo, dɔyɔlawo, kpekpeɖeŋunalawo, dɔdzikpɔlawo, ame siwo ƒoa nu kple gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo." data/train/1CO/1CO_007_Verse_023.mp3,"Kluvi si trɔ zu xɔsetɔ la zu Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, eye wòvo tso nu vɔ̃ ƒe asi sesẽ la te. Ke ne ènye ablɔɖevi hafi zu kristotɔ la, nyae be yezu Kristo ƒe kluvi azɔ." data/train/1CO/1CO_015_Verse_057.mp3,"Ŋutilã siwo nye mía tɔ fifia la ɖea fu na mí elabena woléa dɔ, eye wokuna, ke ŋutikɔkɔe ayɔ wo me ne míeva tsi tsitre. Ɛ̃, wonye ŋutilã siwo gbɔdzɔna, eye wokuna fifia, ke ne míeva tsi tsitre la, ŋusẽ ayɔ wo me fũu." data/train/1CO/1CO_002_Verse_008.mp3,"Ke nublanuitɔe la, xexe sia me ƒe amegãwo mese ɖoɖoa gɔme o. Nenye ɖe wose egɔme la, anye ne womeklã Ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o." data/train/1CO/1CO_010_Verse_022.mp3,"Nenema ke le Israelviwo dome hã la, ame siwo katã ɖua vɔsalẽvi la ƒe ɖe la zua ame ɖeka." data/train/1CO/1CO_011_Verse_015.mp3,Ke enye bubu na nyɔnu be ɖa legbe nanɔ eta elabena ɖa legbe li nɛ ɖe tatsyɔnu teƒe. data/train/1CO/1CO_010_Verse_000.mp3,"Ame aɖe abia be, ɖe mele gbɔgblɔm be legba siwo trɔ̃subɔlawo saa vɔ na la nye Mawu gbagbewo, eye woƒe vɔsawo hã nye nu xɔasiwo mahã? Gbeɖe! Mele nenema kura o." data/train/1CO/1CO_015_Verse_041.mp3,"Ne Kristo ɖu dzi le aʋa si wɔm wòle kple eƒe futɔwo katã me mlɔeba la, ekema eya, Mawu ƒe Vi la, atsɔ eya ŋutɔ hã ade Fofoa ƒe ɖoɖowo te, ale be Mawu, ame si na dziɖuɖui ɖe nu bubu ɖe sia ɖe dzi la azu tatɔ alo dziɖula gãtɔ." data/train/1CO/1CO_015_Verse_011.mp3,"Elabena metsɔ nu si mexɔ la de asi na mi, abe nu gbãtɔ si le vevie ene be Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be wòaku ene." data/train/1CO/1CO_014_Verse_000.mp3,"Ale ame si “gblɔa gbe bubuwo” la kpena ɖe eɖokui ŋu, eye wòtsina le gbɔgbɔ me, ke ame si gblɔa nya ɖi, eye wògblɔa nya siwo tsoa Mawu gbɔ la kpena ɖe hame blibo la ŋu be wòatsi le kɔkɔenyenye kple dzidzɔkpɔkpɔ me." data/train/1CO/1CO_009_Verse_023.mp3,"Viɖe tɔxɛ aɖe le esia me, eye eyae nye be ame aɖeke mate ŋu azi dzinye le mɔ aɖeke nu o, elabena ame aɖeke kura mele fe xem nam o. Gake melɔ̃ faa be mawɔ ɖokuinye kluvi na ame sia ame ƒomevi, ale be to esia me la, mate ŋu akplɔe va Yesu Kristo gbɔ." data/train/1CO/1CO_010_Verse_018.mp3,"Ne dzimaxɔsetɔ kpe mi kristotɔwo be miva ɖu nu kple ye eye wòdzro mi be miayi la, miate ŋu ayi faa. Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si wòtsɔ ɖo mia kɔme la, miɖui eye migabia be, nu ka woɖa hã o. Mizi kpi eye miaɖu nua ekema trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖunya mava eme si aɖe fu na miaƒe dzitsinya o." data/train/1CO/1CO_006_Verse_001.mp3,"Alo mienya be gbe aɖe gbe la, mí kristotɔwoe adrɔ̃ ʋɔnu mawudɔla siwo le dziƒo gɔ̃ hã, ʋuu keke wòahayi agbe sia me nuwo nye ge oa?" data/train/1CO/1CO_012_Verse_025.mp3,"Subɔsubɔdɔ vovovowo li, ke Aƒetɔ ɖeka ma ko subɔm míele." data/train/1CO/1CO_003_Verse_017.mp3,"Mikpɔ ɖa, mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawoe nye Paulo ƒe amewo,” bubuwo hã be, “Míawoe nye Apolo yomedzelawo,” ke ɖe miaƒe nuwɔna sia mesɔ kple ŋutilãmenɔnɔ tɔ oa?" data/train/1CO/1CO_007_Verse_012.mp3,"Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la, mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o." data/train/1CO/1CO_015_Verse_054.mp3,"Yakobo kpɔe, eye emegbe la, apostoloawo katã kpɔe." data/train/1CO/1CO_001_Verse_000.mp3,ale be ame aɖeke mate ŋu aƒo adegbe le eŋu le Mawu ƒe ŋkume o. data/train/1CO/1CO_010_Verse_026.mp3,Nu si nye ya mewɔna lae nye be medzea agbagba be madze ame sia ame ŋu le nu sia nu me. Menye be malé nu si doa dzidzɔ na nye ŋutɔ ɖeɖe ko me ɖe asi o. Ke boŋ mewɔa nu si nyo na ame bubuwo hã be mate ŋu aɖe wo. data/train/1CO/1CO_003_Verse_004.mp3,"Elabena xexe sia me ƒe nunyawo katã nye bometsitsi le Mawu ƒe ŋkume. Abe ale si woŋlɔ ɖe Hiob ƒe agbalẽ me ene be, “Elé nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo me.”" data/train/1CO/1CO_007_Verse_007.mp3,"Elabena srɔ̃ŋutsu si mexɔ se o la ŋuti kɔ le srɔ̃nyɔnu la ta eye nenema ke srɔ̃nyɔnu si mexɔ se o la hã ŋuti kɔ le srɔ̃ŋutsua si xɔ se ta. Ne menye nenema o la, mia viwo anye nu makɔmakɔwo, gake esi wòle alea ta la, wo ŋuti kɔ." data/train/1CO/1CO_004_Verse_001.mp3,Elabena edzena nam be Mawu tsɔ mí apostolowo da ɖe fli la ƒe nuwuwu abe ame siwo wotso kufia na woyina wuwu ge le dutoƒo la ene. Wodo kpɔkpɔ mí le xexea me katã le mawudɔlawo kple amegbetɔwo gbɔ. data/train/1CO/1CO_010_Verse_016.mp3,Minyae be xexea me katã kple emenu nyuiwo katã nye Aƒetɔ la tɔ eye wòtsɔ wo na mi be miawɔ wo ŋu dɔ le dzidzɔ me. data/train/1CO/1CO_010_Verse_027.mp3,"Nu si ta megblɔ esia ɖo lae nye be ele be miawɔ nu sia nu na Mawu ƒe kafukafu, le miaƒe nuɖuɖu kple nunono gɔ̃ hã me." data/train/1CO/1CO_007_Verse_015.mp3,"Gake ne ame aɖe mate ŋu aɖu eɖokui dzi o la, ekema neɖe srɔ̃ elabena enyo be wòaɖe srɔ̃ wu be wòayɔ fũu kple fieŋufieŋu." data/train/1CO/1CO_002_Verse_010.mp3,"Le nyateƒe me la, míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o. Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na mí be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana gã si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia mí." data/train/1CO/1CO_015_Verse_039.mp3,"Ne ele nenema la, ekema kristotɔ siwo katã ku la bu," data/train/1CO/1CO_014_Verse_013.mp3,"Eya ta nɔvi xɔsetɔwo, midi vevie be miagblɔ nya ɖi, eye migaxe mɔ na aɖe bubuwo gbɔgblɔ o." data/train/1CO/1CO_012_Verse_010.mp3,"Gbɔgbɔ la naa ŋutete ame aɖe be wòaɖo aɖaŋu nyuie. Ame bubu anyo ŋutɔ le nusɔsrɔ̃ kple nufiafia me, eye esiae nye eya hã ƒe nunana tso Gbɔgbɔ ma ke gbɔ." data/train/1CO/1CO_011_Verse_002.mp3,"Elabena ne ame aɖe ɖu abolo sia, eye wòno nu le kplu sia nu, le esime mese wɔna sia ƒe vevinyenye gɔme tututu o la, ekema ele Mawu ƒe dziku kple ʋɔnudɔdrɔ̃ hem va eɖokui dzi, elabena mebu Kristo ƒe ku la ɖe naneke me kura o." data/train/1CO/1CO_007_Verse_021.mp3,"Ke ne srɔ̃tɔ si mexɔ se o la dzo la, neyi faa elabena se aɖeke mebla srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si xɔ se la le nya sia me o. Mawu yɔ mí be míanɔ anyi le ŋutifafa me." data/train/1CO/1CO_002_Verse_004.mp3,Gake míawo ya míenya nu le nu siawo ŋu elabena Mawu ɖo eƒe Gbɔgbɔ ɖe mí be wòaɖe nu ɣaɣla siawo afia mí eye eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzroa nu sia nu me tsitotsito heɖea Mawu ƒe nu ɣaɣlawo katã fiaa mí. data/train/1CO/1CO_001_Verse_025.mp3,"Nɔviwo, ne mielé ŋku ɖe mia nɔewo dome la, miakpɔe be mí ame siwo le Kristo yome la, dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye amegãwo alo ame ŋkutatɔwo." data/train/1CO/1CO_014_Verse_017.mp3,Ke boŋ mikpɔ egbɔ be yewowɔ nu sia nu nyuie to mɔ nyuitɔ dzi le ɖoɖo nyuitɔ nu. data/train/1CO/1CO_001_Verse_005.mp3,Ekema afi ka nunyalawo le? Afi kae agbalẽnyalawo le? Afi kae xexe sia me ƒe anukutsyɔlawo le? Ɖe Mawu mewɔ xexe sia me nunya wòzu bometsitsi oa? data/train/1CO/1CO_003_Verse_008.mp3,"Gake xɔtunu vovovowo li si woate ŋu atsɔ atu xɔe ɖe gɔmeɖokpe la dzi. Ame aɖewo tua xɔ kple sika, klosalo alo kpe xɔasi bubuwo, ame bubuwo hã tsɔa ati, aƒla alo be gɔ̃ hã tua xɔe." data/train/1CO/1CO_011_Verse_027.mp3,"Ne nyɔnu gbe be yematsyɔ nu ta o la, ekema neko ta boŋ. Ke esi wònye ŋukpe be nyɔnu nako ta la, ele be wòatsyɔ nu eƒe ta boŋ." data/train/1CO/1CO_016_Verse_012.mp3,"Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo. Mieɖoa ŋku Stefano kple eƒe ƒomea dzia? Woawoe nye ame gbãtɔ siwo zu kristotɔwo le Akaya eye wole kpekpeɖeŋu geɖe nam kristotɔwo le afi sia afi." data/train/1CO/1CO_012_Verse_018.mp3,"Ne afɔ agblɔ be, “Nyemenye ŋutilã ƒe akpa aɖe o, elabena nyemenye asi o” la, mefia be eya ta afɔ menye ŋutinu abe bubuawo ene o." data/train/1CO/1CO_007_Verse_039.mp3,"Srɔ̃nyɔnu kple srɔ̃ŋutsu le ɖeka zi ale si wole agbe. Ke ne ŋutsua ku la, ekema nyɔnu la kpɔ mɔ aɖe ŋutsu bubu le Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo nu." data/train/1CO/1CO_014_Verse_003.mp3,"Ale Nyagblɔɖilawo la, ame eve alo ame etɔ̃ naƒo nu eye ame mamlɛawo nadzro nu siwo gblɔm wole la me kpɔ nyuie." data/train/1CO/1CO_003_Verse_014.mp3,"Le Mawu ƒe amenuveve si wònam ta la, meɖo gɔmeɖokpe abe xɔtula aɖaŋutɔ ene, eye ame bubu va le etum ɖe edzi. Ke ele na ame sia ame be wòakpɔ nyuie tso ale si wòtui la ŋuti." data/train/1CO/1CO_004_Verse_018.mp3,"Nu sia nu su mia si xoxo! Miezu kesinɔtɔwo xoxo! Miezu fiawo xoxo míawo manɔmee. Ne ɖe mienye fiawo xoxo la, adzɔ dzi nam ŋutɔ be míawo hã míanye fiawo kpli mi." data/train/1CO/1CO_014_Verse_005.mp3,"Àte ŋu anɔ akpe dam vevie, gake manye kpekpeɖeŋu aɖeke na ame bubuawo o." data/train/1CO/1CO_013_Verse_007.mp3,"Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi o, media eɖokui tɔ o, eye mefiaa amemabumabu hã o. Lɔlɔ̃ mebiaa dzi o, meléa ehavi ɖe dɔ me o, eye medea dzesi nu vɔ̃ siwo amewo wɔ ɖe eŋu ɖi o." data/train/1CO/1CO_016_Verse_024.mp3,"Wodo dzidzɔ geɖe nam, eye wode dzi ƒo nam ŋutɔ. Meka ɖe edzi be nenema ke wowɔ na miawo hã. Mexɔe se be miekpɔ ŋudzedze le ame siawo kple ame bubu siwo le abe woawo ke ene la ƒe dɔwɔwɔ ŋu." data/train/1CO/1CO_014_Verse_004.mp3,"Ame siwo aƒo nu le gbe manyamanyawo me la mawu eve alo etɔ̃ o. Woaƒo nu ɖekaɖeka, eye ele be ame aɖe nanɔ klalo aɖe nu si gblɔm wole la gɔme." data/train/1CO/1CO_006_Verse_000.mp3,Ale si mietsɔ nya ɖe mia nɔewo ŋu le ʋɔnu ɖeɖe dzaa fia be woɖu mia dzi xoxo. Nu ka wɔ miaɖe mɔ be woada vo ɖe mia ŋu boŋ o? Nu ka ta miaɖe mɔ be woaba mi boŋ o? data/train/1CO/1CO_012_Verse_026.mp3,"Ŋku mate ŋu agblɔ na asi be, “Nyemehiã wò o.” Ta mate ŋu agblɔ na afɔ be, “Nyemehiã wò o.”" data/train/1CO/1CO_004_Verse_020.mp3,"Togbɔ be nye dzitsinya meɖea fu nam o hã la, esia mefia kokoko be mele nye dɔ wɔm abe ale si dze ene o. Mawu ŋutɔ koe ate ŋu ana nyametsotso le nye dɔwɔna ŋu, be mewɔe nyuie alo nyemewɔe nyuie o." data/train/1CO/1CO_014_Verse_021.mp3,"Ke ne wò nunanae nye be nàte ŋu agblɔ “gbe bubuwo” si gɔmee nye nàƒo nu le gbe siwo mèsrɔ̃ kpɔ o me la, ànɔ nu ƒom na Mawu ko, ke menye na amewo o, esi amewo mate ŋu ase wò nyawo gɔme o ta. Àƒo nu kple Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ, ke wò nuƒoƒo la katã anye nya ɣaɣla." data/train/1CO/1CO_008_Verse_006.mp3,"Ke ne Mawu bubuwo hã li, le dziƒo alo anyigba (abe ale si “mawu” geɖewo kple “aƒetɔ” geɖewo li ene la)," data/train/1CO/1CO_011_Verse_009.mp3,"Eya ta ele vevie be ame nadzro eɖokui me akpɔ nyuie hafi aɖu abolo sia, eye wòano nu le Aƒetɔ ƒe kplu la nu." data/train/1CO/1CO_016_Verse_003.mp3,Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã. data/train/1CO/1CO_015_Verse_053.mp3,"Woɖii eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la, efɔ tso yɔdo la me abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔe ene." data/train/1CO/1CO_004_Verse_013.mp3,"Menye ɖe mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi be ŋu nakpe mi o, ke boŋ be maka mo na mi eye maɖo aɖaŋu na mi abe vinye lɔlɔ̃awo ene." data/train/1CO/1CO_001_Verse_014.mp3,"ke hena ame siwo Mawu yɔ la, Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa la, Kristoe nye Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya." data/train/1CO/1CO_001_Verse_012.mp3,eye wòna woɖo kpe Kristo ƒe ɖaseɖiɖi dzi le mía me. data/train/1CO/1CO_007_Verse_003.mp3,"Anye nye didi be ŋutsuwo katã nanɔ abe nye ene, gake ŋutsu ɖe sia ɖe kple nunana si wòxɔ tso Mawu gbɔ; ame ɖeka xɔ nunana sia eye ame bubu xɔ nunana kemɛ." data/train/1CO/1CO_002_Verse_015.mp3,"Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo, ale be ame siwo se nyawo la dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o." data/train/1CO/1CO_014_Verse_038.mp3,"Nɔvi lɔlɔ̃awo; migazu abe ɖeviwo ene le nu siawo gɔmesese me o. Mizu abe ɖevi maɖifɔwo ene le ɖoɖowɔwɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu me, ke mizu ame nugɔmeselawo le nya siawo tɔgbi gɔmesese me." data/train/1CO/1CO_008_Verse_011.mp3,"Ne ame aɖe susu be yenya nane la, nenyae be menya nu abe ale si wòle be wòanyae la ene o." data/train/1CO/1CO_004_Verse_019.mp3,"Nɔviwo, ɖeko metsɔ Apolo kple nye ŋutɔ le kpɔɖeŋu ɖom na mi be maɖe nu si gblɔm mele la me na mi nyuie, ale be miase nya siwo woŋlɔ ɖi la gɔme; nya si woŋlɔ be, “Mègatsɔ naneke kpe nu si woŋlɔ da ɖi la o.” Ale miagade bubu ame aɖe ŋu wu ame bubu o." data/train/1CO/1CO_007_Verse_040.mp3,"Yesu Kristo ƒle mi, eye wòxe fe ɖe mia ta keŋkeŋ eya ta miezu etɔ eye le esia ta migawɔ mia ɖokuiwo abe kluviwo ene na amegbetɔwo kple xexe sia me nuwo o." data/train/1CO/1CO_007_Verse_000.mp3,Ale eƒe dzi ƒe didiwo ma ɖe akpa gã eve me. Alea ke wònɔna na nyɔnu si ɖe srɔ̃ la kple ɖetugbi si le atsuƒe hã. Nyɔnu si ɖe srɔ̃ la léa be na xexe sia me nuwo kple ale si wòawɔ adze ŋutsu la ŋu. Ke nyɔnu si mele atsuƒe o la ƒe didi katã koe nye be yeawɔ dɔ na Aƒetɔ la le ŋutilã kple gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi. data/train/1CO/1CO_015_Verse_006.mp3,"Biabia sia nye abunɛtɔwo ƒe biabia! Ne mietsɔ nuku aɖe de to me la, metsina zua ati o negbe ɖeko “wòaku” gbã hafi." data/train/1CO/1CO_001_Verse_024.mp3,"Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be miadzudzɔ nyahehe vivivo le mia nɔewo dome. Mina nusɔsɔ blibo nanɔ mia me ale be mama kukluiwo nagava mia dome o. Meɖe kuku na mi be miawɔ ɖeka le susu kple ɖoɖowo wɔwɔ me." data/train/1CO/1CO_001_Verse_002.mp3,"Ana mianɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwu, eye woakpɔ mi mokakamanɔŋutɔwoe le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi." data/train/1SA/1SA_002_Verse_003.mp3,“Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o! Bubu aɖeke megali o kpe ɖe ŋutiwò o. Eye Agakpe aɖeke meli abe míaƒe Mawu ene o. data/train/1SA/1SA_014_Verse_009.mp3,"Azɔ Saul gblɔ be, “Midzidze nu ɖe nye kple Yonatan dzi.” Esi woagadzidze nua la, edze Yonatan dzi." data/train/1SA/1SA_022_Verse_007.mp3,"Esi Abiata gblɔ nu si Saul wɔ na David la," data/train/1SA/1SA_025_Verse_019.mp3,"Esi David se be Nabal nɔ fu kom na eƒe alẽwo la," data/train/1SA/1SA_026_Verse_001.mp3,Ale David kple Abisai yi Saul ƒe aʋakɔ la gbɔ le zã me. Wokpɔ Saul wòdɔ alɔ̃ eye wòtsɔ eƒe akplɔ tu anyigba le eƒe tagbɔ. Ke Abner kple eƒe aʋakɔ la ɖe to ɖee godoo. data/train/1SA/1SA_012_Verse_021.mp3,"Wogado ɣli ɖe kuku na Yehowa eye woʋu eme be yewowɔ nu vɔ̃ esi yewotrɔ le Yehowa yome hesubɔ Baal kple Astarɔtwo. Woɖe kuku be, ‘Míasubɔ wò, míaƒe Mawu, ɖeɖe ko ne àɖe mí tso míaƒe futɔwo si me ko’" data/train/1SA/1SA_022_Verse_011.mp3,"Eye Ahitub vi, Ahimelek ƒe vi ɖeka si ŋkɔ nye Abiata la si dze David yome." data/train/1SA/1SA_003_Verse_006.mp3,"eya ta wògblɔ na Samuel be, “Gayi ɖamlɔ anyi; ne egayɔ wò la, nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa ƒo nu, wò dɔla le to ɖom.’ ” Samuel gayi ɖamlɔ anyi." data/train/1SA/1SA_026_Verse_007.mp3,"David bia Ahimelek, Hititɔ la kple Abisai, Yoab nɔviŋutsu, ame si dada nye Zeruya be, “Mi ame eve siawo dometɔ kae ayi Saul ƒe saɖa la me kplim?” Abishai ɖo eŋu be, “Mayi.”" data/train/1SA/1SA_025_Verse_021.mp3,"Esi wònɔ eƒe tedzia dom va ɖo to aɖe ƒe balime la, David kple eƒe ameawoe nye ekem ɖiɖi gbɔna egbɔ eye wòyi ɖado go wo." data/train/1SA/1SA_023_Verse_005.mp3,"Azɔ la, David nɔ agadowo me le gbedzi le Zif ƒe tonyigba dzi. Tso ŋkeke yi ŋkeke la, Saul di David gake Mawu metsɔ David de asi nɛ o." data/train/1SA/1SA_025_Verse_039.mp3,"Wò ɖekakpuiwo ate ŋu aɖi ɖase le nya sia ŋu na wò. Mele nye amewo ɖom ɖa be woabia nunana aɖe tso gbɔwò elabena ŋkekenyui aɖe va tu mí. Míeɖe kuku, na nu sia nu si dze ŋuwò ko la mí.”" data/train/1SA/1SA_009_Verse_000.mp3,"Ale nuɖuɖudzikpɔla la tsɔe va da ɖe Saul ƒe akɔme. Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖu nu nam elabena wò tututue medzra nuɖuɖu sia ɖo na hafi mekpe ame bubuawo gɔ̃ hã!” Ale Saul ɖu nu kple Samuel." data/train/1SA/1SA_014_Verse_032.mp3,Nu sia na Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo kple nuhalawo sia vɔ̃ eye wotɔtɔ. Hekpe ɖe esia ŋu la anyigba ʋuʋu sesĩe eye vɔvɔ̃ gaɖo futɔwo wu tsã elabena ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ. data/train/1SA/1SA_028_Verse_018.mp3,"Samuel bia Saul be, “Nu ka ta nèɖe fu nam heyɔm vɛ?” Saul ɖo eŋu be, “Elabena meɖo xaxa gã aɖe me. Filistitɔwo gaho aʋa ɖe mía ŋu, ke Mawu gblẽm ɖi eye meɖo nya aɖeke ŋu to nyagblɔɖilawo dzi loo alo to drɔ̃ekuku me o. Eya ta meva yɔ wò be nàgblɔ nu si mawɔ la nam.”" data/train/1SA/1SA_004_Verse_015.mp3,"Esi Israelviwo kpɔ be wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la gbɔnae la, woƒe dzidzɔɣli de dzi bobobo ale gbegbe be ena anyigba ʋuʋu kloe!" data/train/1SA/1SA_020_Verse_022.mp3,"Mlɔeba la, Yonatan gblɔ na David be, “Lé dzi ɖe ƒo elabena míetsɔ mía nɔewo kple mía nɔewo ƒe viwo de asi na Mawu tegbetegbe.” Ale woklã. David dzo eye Yonatan hã trɔ yi dua me." data/train/1SA/1SA_023_Verse_024.mp3,"Saul gblɔ be, “Yehowa ayra mi be miewɔ dɔmenyo gã sia nam!" data/train/1SA/1SA_003_Verse_016.mp3,"Yehowa gaɖea eɖokui fiana le Silo. Eɖe eɖokui fia Samuel eye wòƒo nu nɛ le afi ma. Ne Samuel ƒo nu la, Israel blibo la ɖoa toe." data/train/1SA/1SA_026_Verse_011.mp3,"Enumake Saul ʋu eme be, “Mewɔ nu vɔ̃. Trɔ va aƒe, vinye eye nyemagadze agbagba be mawɔ vɔ̃ aɖeke wò o, elabena èɖe nye agbe egbe; abunɛtɔe menye eye tɔnye medzɔ le go aɖeke me kura o.”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_013.mp3,David dzona le Saul gbɔ enuenu heyina Betlehem ɖakpɔa fofoa ƒe alẽwo dzi. data/train/1SA/1SA_024_Verse_006.mp3,"Egblɔ na David be, “Ènye ame dzɔdzɔe wum. Èwɔ nyui nam le esime nye ya mewɔ vɔ̃ ɖe ŋutiwò." data/train/1SA/1SA_012_Verse_009.mp3,"“Ke esi mienɔ vɔvɔ̃m na Nahas, Amonitɔwo ƒe fia ta la, mieva gblɔ nam be maɖo fia na yewo wòaɖu yewo dzi, le esime Yehowa, mia Mawu la nye miaƒe Fia xoxo elabena eyae nye miaƒe Fia ɣeawo katã ɣi." data/train/1SA/1SA_015_Verse_014.mp3,"Ke Samuel gblɔ nɛ be, “Abe ale si wò yi wu ame geɖewo eye wo dadawo zu konɔwo ene la nenema kee dawò hã azu konɔ le nyɔnuwo dome.” Ale Samuel fli Agag kakɛkakɛe le Yehowa ŋkume le Gilgal." data/train/1SA/1SA_020_Verse_031.mp3,Yonatan dzo le kplɔ̃ la ŋu kple dɔmedzoe eye wògbe nuɖuɖu ŋkeke blibo la elabena fofoa ƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖe David ŋu vee ŋutɔ. data/train/1SA/1SA_023_Verse_020.mp3,"Le ɣe ma ɣi tututu la, du va tu Saul be Filistitɔwo gava nɔ Israel ham." data/train/1SA/1SA_021_Verse_005.mp3,David se nya siawo eye wòvɔ̃ nu si Gat fia Akis ate ŋu awɔe. data/train/1SA/1SA_012_Verse_001.mp3,"Ame si anɔ mia ŋgɔ. Fifia metsi, nye ta ƒo wɔ eye vinyewo le mia dome; mekpɔ mia dzi tso keke nye ɖekakpuime ke." data/train/1SA/1SA_020_Verse_017.mp3,"Ke ne megblɔ nɛ be, ‘Yi ŋgɔ. Aŋutrɔawo gale ŋgɔ na wò’ la, ekema egɔmee nye ele be nàdzo enumake." data/train/1SA/1SA_010_Verse_004.mp3,"Azɔ Samuel gblɔ na ameawo katã be, “Miele ame si Yehowa tia na mí la kpɔma? Ame aɖeke mesɔ kplii le Israel blibo la o!” Eye ameha la do ɣli be, “Fia la nenɔ agbe tegbee!”" data/train/1SA/1SA_015_Verse_004.mp3,Ekema nu ka ta mèwɔ Yehowa ƒe ɖoɖo dzi o? Nu ka ta nèha nuwo eye nèwɔ nu si tututu Yehowa de se na wò be mègawɔ o?” data/train/1SA/1SA_025_Verse_008.mp3,"David ɖo eŋu na Abigail be, “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si dɔ wò ɖa nèva do gom egbe!" data/train/1SA/1SA_001_Verse_010.mp3,"Esime Hana nɔ gbe dom ɖa na Yehowa la, Eli nɔ ŋku lém ɖe eƒe nuyiwo ŋu." data/train/1SA/1SA_013_Verse_014.mp3,Hebritɔ aɖewo gɔ̃ la tso Yɔdan tɔsisi la eye wosi yi Gad kple Gileadnyigbawo gɔ̃ hã dzi. Saul ya tsi Gilgal eye aʋakɔ siwo nɔ eŋu la dzo nyanyanya le vɔvɔ̃ ta. data/train/1SA/1SA_023_Verse_007.mp3,"David bia be, “Ɖe Keilatɔ siawo atsɔ mí ade asi nɛa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, woatsɔ mi ade asi nɛ.”" data/train/1SA/1SA_025_Verse_023.mp3,"eɖo eƒe ɖekakpui ewo ɖe Karmel be woado gbe na Nabal eye woagblɔ nɛ be," data/train/1SA/1SA_019_Verse_022.mp3,"Yonatan gblɔ ɖoɖo si fofoa wɔ ɖe eŋu la nɛ. Egblɔ nɛ be, “Etsɔ ŋdi la, ele be nàdi teƒe aɖe si nàbe ɖo le gbedzi." data/train/1SA/1SA_030_Verse_016.mp3,eye wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple wo viwo dzoe. data/train/1SA/1SA_007_Verse_014.mp3,Samuel yi eƒe dɔ dzi abe Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la ene le eƒe agbemeŋkekewo katã me. data/train/1SA/1SA_020_Verse_003.mp3,"Ame sia ame anɔ tawò biam tso nyitsɔ, eya ta nɔ afi si nàɣla ɖokuiwò ɖo le afi si woli kɔ kpewo ɖo." data/train/1SA/1SA_011_Verse_001.mp3,"Ale Yabestɔwo gblɔ na woƒe futɔwo be, “Míava mia gbɔ etsɔ eye miawɔ nu sia nu si dze mia ŋu la mí.”" data/train/1SA/1SA_016_Verse_017.mp3,"Subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be yenya ɖekakpui aɖe tso Betlehem, enye ŋutsu aɖe si woyɔna be Yese la ƒe vi. Ɖekakpui sia menye kasaŋkuƒola nyui ɖeɖe ko o, ke boŋ enye ɖekakpui dzeɖekɛ, kalẽtɔ sesẽ kple ame ɖɔʋu aɖe hã. Gawu la, Yehowa li kplii." data/train/1SA/1SA_015_Verse_003.mp3,"Ede dɔ aɖe asi na wò eye wògblɔ na wò be, ‘Yi, nàtsrɔ̃ Amalekitɔwo, nu vɔ̃ wɔlawo, keŋkeŋ.’" data/train/1SA/1SA_018_Verse_002.mp3,"David kple eƒe amewo yi ɖawu Filistitɔ alafa eve (200) eye wòtsɔ woƒe aʋanuyiwo yi na Fia Saul. Ale Fia Saul tsɔ via nyɔnuvi, Mixal, na David wòɖe." data/train/1SA/1SA_008_Verse_004.mp3,"Axɔ miaƒe agbledenyigba nyuitɔwo, waingblewo kple amitive nyuitɔwo le mia si atsɔ na eƒe dɔlawo." data/train/1SA/1SA_010_Verse_010.mp3,"Esi Saul wu nyagblɔɖi la nu la, eyi ɖe to la dzi." data/train/1SA/1SA_028_Verse_013.mp3,"Gake nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Le nyateƒe me ènya nu si Saul wɔ. Eɖe afakalawo kple ŋɔliyɔlawo ɖa le anyigba la dzi. Nu ka ŋutie nètre mɔ na nye agbe be yeahe ku vɛ nam?”" data/train/1SA/1SA_012_Verse_016.mp3,"Nye ya la, nete ɖa xaa tso gbɔnye be madzudzɔ gbedodoɖa ɖe mia ta eye mato eme awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Mayi nu siwo nyo kple nu siwo dze la fiafia mi dzi." data/train/1SA/1SA_022_Verse_016.mp3,"Ke Doeg, Edomtɔ, si nɔ tsitre kple Saul ƒe amewo le afi ma la gblɔ be, “Esi menɔ Nɔb la, mekpɔ Yese viŋutsu la wònɔ dze ɖom kple Ahimelek, Ahitub viŋutsu la." data/train/1SA/1SA_028_Verse_019.mp3,"Samuel ɖo eŋu be, “Nu ka ta nàbiam esi Yehowa gblẽ wò ɖi eye wòzu wò futɔ?" data/train/1SA/1SA_022_Verse_006.mp3,"Emegbe la, David yi Mizpa le Moab nyigba dzi be yeabia mɔfiala ale be ye fofo kple ye dada nava nɔ afi ma le fia la ƒe dzikpɔkpɔ te, va se ɖe esime yeanya nu si Mawu le wɔwɔ ge na ye." data/train/1SA/1SA_019_Verse_014.mp3,Mana be nye kple fofonye míava afi ma eye maƒo nu nɛ tso ŋuwò. Ekema magblɔ nya sia nya si mase tso egbɔ la na wò.” data/train/1SA/1SA_017_Verse_057.mp3,"Yehowa, ame si ɖeam tso dzata kple sisiblisi ƒe fewo kple aɖuwo me la, kee aɖem tso Filistitɔ sia hã si me!”" data/train/1SA/1SA_026_Verse_017.mp3,"Ke David gblɔ na Abisai be, “Mègawui o elabena ame kae anye ame maɖifɔ ne ewu fia si Yehowa ŋutɔ tia?" data/train/1SA/1SA_008_Verse_021.mp3,"Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɖo to wo eye nàna fia wo.” Tete Samuel gblɔ na Israel ŋutsuawo be, “Ame sia ame netrɔ yi eƒe du me.” Samuel lɔ̃ eye wòɖo ame sia ame ɖe eƒe du me." data/train/1SA/1SA_022_Verse_012.mp3,"Eɖe gbe na eƒe asrafowo be, “Miwu nunɔla siawo katã elabena wobla kple David ɖe ŋunye; wonya be ele sisim le nunye, ke womegblɔe nam o!” Ke asrafoawo gbe womewu Yehowa ƒe nunɔlawo o." data/train/1SA/1SA_001_Verse_011.mp3,Eya ta mele ɖevi la tsɔm na Yehowa azɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me.” Ale Hana gblẽ ɖevia ɖe afi ma le Agbadɔ la me na Yehowa. data/train/1SA/1SA_029_Verse_009.mp3,"Meɖe kuku, migawɔ nu si ado dɔmedzoe na wo o, ke boŋ mitrɔ dzo kpoo!”" data/train/1SA/1SA_014_Verse_013.mp3,"Esi wole avea me la, wokpɔ anyitsi wole dzidzim gake ame aɖeke mede asi eme ɖuɖɔ o, elabena wovɔ̃ Saul ƒe atam si wòka la." data/train/1SA/1SA_019_Verse_000.mp3,Ale David si yi Rama ɖakpɔ Samuel eye wògblɔ nu siwo katã Saul wɔ ɖe eŋu la nɛ eye Samuel kplɔ David yi Nayɔt. data/train/1SA/1SA_009_Verse_013.mp3,"Le ŋkeke mawo me la, woyɔa nyagblɔɖilawo be nukpɔlawo eya ta amewo gblɔna, be “Mina míayi aɖabia nukpɔla la” eye menye “Mina míayi aɖabia nyagblɔɖila la” abe ale si míegblɔna egbe ene o." data/train/1SA/1SA_019_Verse_009.mp3,"Ke esi wova be woakɔe kple abatia la, wokpɔ be ametikpakpɛ koe nɔ abatia dzi eye gbɔ̃fuvɔ le eƒe tagbe." data/train/1SA/1SA_009_Verse_014.mp3,"Le ŋufɔke ƒe ŋdi kanya la, Samuel yɔ Saul le xɔta eye wògblɔ nɛ be, “Dzra ɖo na mɔzɔzɔ.” Esi Saul dzra ɖo vɔ la, eya kple Samuel dze mɔ." data/train/1SA/1SA_025_Verse_043.mp3,Ɖekakpuiawo va gblɔ David ƒe nya la na Nabal. data/train/1SA/1SA_014_Verse_046.mp3,"Tete Saul gblɔ na Israelviwo katã be, “Mitsi tsitre ɖe afi ma ke nye kple vinye Yonatan míatsi tsitre ɖe afii.” Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu sia nu si ke nyo na wo.”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_007.mp3,"Azɔ la, Yese gblɔ na Via ŋutsu David be, “Tsɔ bli tɔtɔe agba ɖeka sia, si de kilogram wuiade kple abolo ewo siawo eye nàɖe abla atsɔ wo ayi na nɔviwòwo le woƒe asaɖa la me." data/train/1SA/1SA_010_Verse_022.mp3,Woado gbe na wò eye woana abolo eve wò. Xɔ aboloawo. data/train/1SA/1SA_001_Verse_012.mp3,"eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa be, “O Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ne àkpɔ wò dɔla ƒe nublanuitɔnyenye dzi ɖa, aɖo ŋku dzinye eye màŋlɔ wò dɔla be o, ke boŋ nànae viŋutsu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye talũhɛ maka eƒe ta ŋu o.”" data/train/1SA/1SA_015_Verse_001.mp3,"Ale Saul ƒo ƒu eƒe aʋakɔ nu ɖe Telaim. Aʋawɔlawo de ame akpe alafa eve (200,000) kpe ɖe ame akpe ewo (10,000) siwo tso Yuda la ŋu," data/train/1SA/1SA_004_Verse_010.mp3,"Eli nɔ lalam le mɔto be yease nya aɖe tso aʋa la ŋu elabena etsi dzimaɖeɖi ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ƒe dedinɔnɔ ŋu. Esime ame dɔdɔ la tso aʋagbedzi va gblɔ nya si dzɔ la, ameawo fa avi hoo le du blibo la me." data/train/1SA/1SA_021_Verse_000.mp3,"Ale, esi nuɖuɖu bubu aɖeke meganɔ anyi o ta la, nunɔla la tsɔ abolo kɔkɔe, Ŋkumeɖobolo, si wotsɔ da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ la me nɛ. Gbe ma gbe kee wotsɔ abolo yeye ɖɔlii." data/train/1SA/1SA_014_Verse_020.mp3,"Israel wɔ aʋa kple Filistitɔwo edziedzi le Saul ƒe agbenɔɣi. Ne Saul kpɔ ɖekakpui sesẽ kalẽtɔ aɖe ko la, ehenɛ dea eƒe aʋakɔ la me." data/train/1SA/1SA_029_Verse_000.mp3,"Akis metrɔ eƒe tameɖoɖo o. Egagblɔ be, “Le nye ɖeka gome la, èle abe mawudɔla ene, ke nye aʋafiawo le vɔvɔ̃m na wò kpekpe ɖe mía ŋu le aʋawɔwɔ me." data/train/1SA/1SA_002_Verse_012.mp3,"Eli yraa Elkana kple srɔ̃a Hana gblɔna be, “Yehowa nana nyɔnu sia nadzi viwo na wò ne woaxɔ ɖe esi wòdo gbe ɖa bia gagbugbɔ tsɔ na Yehowa la teƒe.” Ale wodzona yina ɖe wo de." data/train/1SA/1SA_016_Verse_000.mp3,"Ale Samuel tsɔ lãdzo si me ami la le, hesi ami nɛ le nɔviawo ŋkume eye tso gbe ma gbe dzi la Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dze David dzi kple ŋusẽ. Ale Samuel gbugbɔ yi Rama." data/train/1SA/1SA_019_Verse_023.mp3,Yonatan yɔ David emegbe eye wòka nya si dzɔ la ta nɛ. Ekplɔ David yi Saul gbɔ eye wo dome ganɔ abe tsã ene. data/train/1SA/1SA_015_Verse_021.mp3,"Samuel gblɔ na Saul be, “Èkpɔea? Yehowa vuvu Israel fiaɖuƒe la le asiwò me egbe eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si ɖɔ ʋu wu wò." data/train/1SA/1SA_021_Verse_004.mp3,"David do eŋu be, “Meka ɖe edzi na wò elabena nyemeɖea mɔ na nye ɖekakpuiwo be woade ha kple nyɔnuwo ne míezɔ mɔ o. Ne wole kɔkɔe ne míezɔ mɔ dzodzrowo la, ekema eme kɔ ƒãa be woanɔ kɔkɔe esi míeva dɔ tɔxɛ sia gbe!”" data/train/1SA/1SA_002_Verse_033.mp3,"Ɖe nyemetia mia tɔgbi Levi tso Israel towo katã dome be wòanye nunɔla nam, be wòasa vɔ le nye vɔsamlekpui dzi, wòatsɔ nu ʋeʋĩ ado dzudzɔ nam eye wòado nunɔlawo ƒe awu ne ele subɔyem oa? Eye ɖe nyemetsɔa vɔsanuwo naa mi nunɔlawo oa?" data/train/1SA/1SA_026_Verse_013.mp3,"Eya ta azɔ la, mègana nye ʋu naɖuɖu ɖe anyigba, afi si didi tso Yehowa gbɔ o. Israel fia va le axɔ̃ aɖe dim abe ale si ame dia tegli le towo dzi be yeawu ene.”" data/train/1SA/1SA_020_Verse_008.mp3,"Emegbe maɖo ɖekakpui aɖe ɖa be wòayi aɖatsɔ aŋutrɔawo vɛ nam. Ne èse megblɔ be, ‘Wole akpa sia’ la, ekema nànya be nya vɔ̃ aɖeke meli o." data/train/1SA/1SA_025_Verse_032.mp3,"Mawu nefia David eye wòagafiae ɖe edzi ɖaa ne hafi etsɔ ŋdi naɖo la, magblẽ ŋutsu aɖe ɖi nɛ agbagbe!”" data/train/1SA/1SA_020_Verse_036.mp3,Yonatan tsɔ eƒe dati kple aŋutrɔ na ŋutsuvi la eye wògblɔ nɛ be wòatsɔ wo ayi dua me. data/train/1SA/1SA_020_Verse_019.mp3,Ke Yonatan na David gaka atam nɛ azɔ kple eƒe lɔlɔ̃ nɛ elabena elɔ̃e abe eɖokui ene. data/train/1SA/1SA_006_Verse_014.mp3,“Miwɔ tasiaɖam yeye eye miatsii ɖe nyinɔ eve siwo dzi vi le ŋkeke siawo me eye wometsi keke ɖe wo ŋu kpɔ haɖe o la ŋuti. Milé wo viwo de kpo me. data/train/1SA/1SA_002_Verse_011.mp3,"Ekema nu ka ta miele ŋu klẽm ale ɖe vɔsanu bubu siwo ameawo tsɔna vanɛ nam la ŋu? Nu ka ta nède bubu viwòwo ŋu wu ŋunye? Nu nyui siwo Israel, nye amewo tsɔna vanɛ la na be wò kple woawo siaa mieda ami!" data/train/1SA/1SA_001_Verse_006.mp3,"Esi wòtso no na ɖevia la, ekplɔ ɖevi la, togbɔ be metsi o hã la, etsɔ nyitsu si xɔ ƒe etɔ̃, wɔ lita blaeve-vɔ-eve kple wainlãgbalẽgolo ɖeka kpe ɖe eŋuti eye wòkplɔe va Yehowa ƒe aƒe me le Silo." data/train/1SA/1SA_030_Verse_028.mp3,wofa avi va se ɖe esime avifafa glo wo. data/train/1SA/1SA_004_Verse_000.mp3,Ale Filistitɔwo wɔ aʋa kple ŋusẽ eye wogaɖu Israelviwo dzi. Wowu Israelvi akpe blaetɔ̃ gbe ma gbe eye agbetsiawo si yi woƒe agbadɔwo me. data/train/1SA/1SA_019_Verse_011.mp3,"Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Yehowa gbɔ va Saul dzi, esime wònɔ eƒe aƒe me eye eƒe akplɔ nɔ esi. Esime David nɔ kasaŋku ƒom la." data/train/1SA/1SA_028_Verse_009.mp3,Esiawo katã va dziwò elabena mèwɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi esi wòdo dɔmedzoe kaɖikaɖi ɖe Amalekitɔwo ŋu o. data/train/1SA/1SA_012_Verse_017.mp3,"Samuel de dzi ƒo na wo be, “Migavɔ̃ o, eme kɔ ƒãa be miewɔ nu vɔ̃, gake mikpɔ egbɔ azɔ be miasubɔ Yehowa nyateƒetɔe eye miagatrɔ le eyome le mɔ aɖeke nu o." data/train/1SA/1SA_025_Verse_038.mp3,"Tsɔ vo si meda be medo dzi heva afi sia la kem. Yehowa aɖo eteƒe na wò kokoko, ana wò fiaɖuƒe nasu wò dzidzimeviwo si eye enu matso akpɔakpɔ o elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nèle eye dzɔgbevɔ̃e madzɔ ɖe dziwò le wò agbemeŋkekewo katã me o." data/train/1SA/1SA_017_Verse_047.mp3,"Saul kple Israelviwo hã ƒo ƒu, woƒu asaɖa anyi ɖe Ela balime eye wodze aʋalɔgowo ɖe Filistitɔwo ŋu." data/train/1SA/1SA_007_Verse_016.mp3,"Wova kpe ta ɖe Mizpa, woku tsi tso vudo aɖe me kɔ ɖe anyigba le Yehowa ŋkume eye wotsi nu dɔ ŋkeke blibo ɖeka abe nuxaxa ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta ene. Ale Samuel zu Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la le Mizpa." data/train/1SA/1SA_017_Verse_035.mp3,"Fia Saul gblɔ nɛ be, “Bia ame si ɖekakpui sia fofo nye la ta nam.”" data/train/1SA/1SA_030_Verse_009.mp3,"David srɔ̃ eveawo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi, tso Karmel hã, nɔ ame siwo wokplɔ dzoe la dome." data/train/1SA/1SA_031_Verse_012.mp3,"Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume." data/train/1SA/1SA_020_Verse_009.mp3,"Enɔ gli ŋu afi si wònɔna ɖaa. Yonatan nɔ anyi dze ŋgɔe eye Abner nɔ Saul xa, ke David ƒe teƒe ɖi gbɔlo." data/train/1SA/1SA_012_Verse_023.mp3,"Yehowa magblẽ eƒe ame tiatiawo ɖi o elabena ne ewɔ nenema la, aklo bubu le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ gã la ŋu. Ewɔ mi mienye dukɔ tɔxɛ nɛ le ale si wòdi be yeawɔ mi nenema ko la ta!" data/train/1SA/1SA_002_Verse_029.mp3,"“Woŋe ŋusẽtɔwo ƒe aŋutrɔwo ke ame beliwo la, etsɔ ŋusẽ bla ali dzi na wo." data/train/1SA/1SA_020_Verse_015.mp3,"Ke esi eƒe teƒe gaɖi gbɔlo le ŋkeke evelia dzi la, Saul bia Yonatan be, “Nu ka ta Yese ƒe vi meva afi sia hena fiẽnuɖuɖu etsɔ kple egbe siaa o?”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_025.mp3,"Esi Eliab, David nɔviŋutsu tsitsitɔ see wònɔ nu ƒom kple ŋutsuawo la, etrɔ ɖe eŋu kple dziku hebiae be, “Nu ka tae nèva afi sia ɖo? Eye ame ka gbɔe nègblẽ alẽ ʋɛawo ɖo le gbea dzi? Menya dada si le mewò kple dzi vɔ̃ɖi si le mewò. Ɖe ko nèva afi sia be yeava kpɔ aʋa la teƒe.”" data/train/1SA/1SA_009_Verse_016.mp3,"Ne mieɖo dua me teti ko la, miakpɔe hafi wòava ayi nuɖuƒe le toa dzi; elabena ameawo alala wòava ayra vɔsanuawo hafi ame siwo wokpe la naɖui. Eya ta miyi fifia, miakpɔe godoo le ɣeyiɣi sia me.”" data/train/1SA/1SA_015_Verse_013.mp3,"Ke Samuel biae be, “Ekema nu kae nye alẽ kple nyi siwo ƒe xɔxlɔ̃ sem mele?”" data/train/1SA/1SA_019_Verse_006.mp3,"Esi Saul se be David nɔ Nayɔt le Rama la," data/train/1SA/1SA_006_Verse_012.mp3,"Mitsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye midae ɖe tasiaɖam la dzi, mitsɔ aɖaka si me avulénu siwo wowɔ kple sika, siwo ɖom miele ɖa abe avulénu ene la da ɖe exa. Miɖoe ɖe mɔ dzi," data/train/1SA/1SA_017_Verse_004.mp3,"Azɔ la, David nye Efraimtɔ, Yese ƒe viŋutsu, ame si tso Betlehem le Yuda. Viŋutsu enyi nɔ Yese si eye Saul ƒe fiaɖuɣi me la, enye ametsitsi si xɔ ƒe geɖe." data/train/1SA/1SA_030_Verse_005.mp3,"David biae be, “Àte ŋu afia afi si woyi la mía?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Ne ètsɔ Mawu ƒe ŋkɔ ka atam nam be yemawum alo atsɔm ade asi na nye aƒetɔ o la, ekema makplɔ wò ayi wo gbɔe.”" data/train/1SA/1SA_020_Verse_016.mp3,"Ke ne egblɔ be, ‘Enyo’ la, ekema wò dɔla le dedie. Gake ne dzi kui la, ekema nyae nyuie be eɖo vɔ̃ ɖe ŋutinye." data/train/1SA/1SA_014_Verse_041.mp3,Saul kple eƒe aʋawɔla alafa adeawo (600) ƒo ƒu ɖe yevuboɖati la gbɔ le Migron. data/train/1SA/1SA_009_Verse_008.mp3,"Esi woɖo dua ƒe gbɔto la, Samuel gblɔ na Saul be, “Gblɔ na subɔla la be wòado ŋgɔ” eye subɔla la wɔ nenema. “Gake wò la, lala ne magblɔ gbedeasi si tso Mawu gbɔ la na wò.”" data/train/1SA/1SA_014_Verse_003.mp3,"Ale Saul bia Mawu be, “Ɖe míayi Filistitɔwo nyanya dzia? Ɖe nàkpe ɖe mía ŋu míaɖu wo dzia?” Ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu le zã blibo la me o." data/train/1SA/1SA_017_Verse_039.mp3,"Goliat, Filistitɔwo ƒe ame dzɔatsu la tsia tsitre ɖe Israelʋakɔ la ŋkume geditɔe ŋdi kple fiẽ ŋkeke blaene sɔŋ." data/train/1SA/1SA_007_Verse_004.mp3,Egatrɔna vaa Rama elabena afi mae nye eƒe nɔƒe eye wògadrɔ̃a ʋɔnu le afi sia hã. Eɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Rama. data/train/1SA/1SA_014_Verse_048.mp3,"Wodo ɣli na Yonatan be, “Lia toa nàva kpɔ nane ɖa.” Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Lia toa eye nànɔ yonyeme tututu elabena Yehowa akpe ɖe mía ŋu míaɖu wo dzi!”" data/train/1SA/1SA_003_Verse_010.mp3,Samuel medze si Yehowa haɖe o eye Yehowa meƒo nu nɛ kpɔ haɖe hã o. data/train/1SA/1SA_024_Verse_019.mp3,"Tete David do go le agado la me eye wòdo ɣli ɖo ɖe Saul yome be, “Nye aƒetɔ, fia!” Esi Saul nye kɔ kpɔ megbe la, David bɔbɔ de ta agu eye wòmlɔ anyi tsyɔ mo anyi." data/train/1SA/1SA_026_Verse_015.mp3,eɖo ŋkutsalawo ɖe gbea dzi eye woɖo kpe edzi nɛ be Saul va ɖo afi ma vavã. data/train/1SA/1SA_012_Verse_019.mp3,"Samuel yi edzi be, “Yehowa kple eƒe amesiamina la nye nye ɖasefo be miate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunye be meda adzo yewo o.” Ameawo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyateƒee.”" data/train/1SA/1SA_001_Verse_019.mp3,Ke enaa lã la ƒe akpa eve Hana ya elabena togbɔ be elɔ̃e hã la Yehowa tu eƒe vidzidɔ. data/train/1SA/1SA_010_Verse_003.mp3,"Azɔ la, Saul fofoa nɔvi ɖeka bia eya kple dɔla la be “Afi ka tututu mietso?” Saul ɖo eŋu be, “Míetso tedziawo di ge; míete ŋu kpɔ wo o, eya ta míeyi Nyagblɔɖila Samuel gbɔ be míabia afi si wole.”" data/train/1SA/1SA_019_Verse_004.mp3,"Edze eƒe awuwo hetsi amama to ŋkeke kple zã blibo la me eye wògblɔ nya ɖi kple Samuel ƒe nyagblɔɖilawo. Eŋumewo tsi yaa eye wobia be, “Ɖe Saul hã le nyagblɔɖilawo domea?”" data/train/1SA/1SA_009_Verse_009.mp3,Gbe ɖeka Kis ƒe tedziwo bu eya ta wòɖo Saul kple subɔla aɖe ɖa be woayi aɖadi wo vɛ. data/train/1SA/1SA_016_Verse_012.mp3,"Samuel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, ŋutifafa dzie meva ɖo; meva vɔ sa ge na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋuti eye miava vɔsaƒea kplim.” Tete wòkɔ Yese kple via ŋutsuwo ŋu eye wòkpe wo va vɔsaƒe lae." data/train/1SA/1SA_014_Verse_017.mp3,"Gbe ɖeka la, Fiavi Yonatan gblɔ na ɖekakpui si nye eƒe adekplɔvi la be, “Na míato balime la ayi Filistitɔwo ƒe dzɔlawo gbɔ.” Ke megblɔe na fofoa be yeyina o." data/train/1SA/1SA_017_Verse_038.mp3,"Goliat, Filistitɔ la zɔ ɖo ta David gbɔ, eƒe akpoxɔnutsɔla nɔ ŋgɔ nɛ." data/train/1SA/1SA_025_Verse_036.mp3,"Ne Yehowa wɔ nyui siwo katã ŋugbe wòdo na wò eye nèzu Israel Fia la," data/train/1SA/1SA_020_Verse_027.mp3,Saul megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋu gbe ma gbe o elabena ebu be nya aɖee anya dzɔ alo David ŋu mekɔ o. data/train/1SA/1SA_013_Verse_008.mp3,"etia aʋawɔla tɔxɛ akpe etɔ̃ (3,000) tso Israel. Ekplɔ wo dometɔ akpe eve ɖe eɖokui ŋuti yi Mikmas kple Betel to la dzi eye wògblẽ akpe ɖeka mamlɛa ɖe Yonatan, Saul ƒe vi gbɔ le Benyamin ƒe anyigba dzi. Eɖo asrafo bubuawo ɖe aƒe me." data/train/1SA/1SA_027_Verse_006.mp3,"David mena ŋutsu alo nyɔnu aɖeke tsia agbe o, elabena ebu be, ne yekplɔ wo va Gat la, woava ƒo nu le yewo ŋu agblɔ be, “Ale kple ale David wɔ enye esi.” Nu sia dzɔna edziedzi esi wònɔ Filistitɔwo dome." data/train/1SA/1SA_030_Verse_019.mp3,"Ke gbevu aɖewo nɔ ame siwo de ɖawɔ aʋa la dome gblɔ be, “Ame siawo mede aʋa la kpli mí o eya ta womaxɔ afunyinuwo dometɔ aɖeke o. Ɖe asi le wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu na wo eye nàna woadzo.”" data/train/1SA/1SA_030_Verse_007.mp3,"David kple eƒe ame alafa adeawo (600) va ɖo Besor tɔʋu la to, afi si ame aɖewo tsi" data/train/1SA/1SA_024_Verse_020.mp3,"Wò ŋutɔ èkpɔe kple wò ŋkuwo le egbeŋkeke sia dzi ale si Yehowa tsɔ wò de asi nam le agadoa me eye nye ame aɖewo ƒoe ɖe nunye be mawu wò, gake meɖe wò agbe elabena megblɔ be, ‘Nyemakɔ nye asi dzi ɖe nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiaminae wònye.’" data/train/1SA/1SA_022_Verse_000.mp3,"Abimelek bia nu Yehowa nɛ, ena nuɖuɖui eye wòtsɔ Goliat, Filistitɔ la, ƒe yi hã nɛ.”" data/train/1SA/1SA_014_Verse_002.mp3,"Ale Israelviwo ɖo xaxa gã aɖe me gbe ma gbe elabena Saul bla ameawo kple atam be, “Fiƒode ava ame si aɖu nu hafi fiẽ naɖo la dzi eye ame aɖeke mekpɔ mɔ aɖu nu o, va se ɖe esime mabia hlɔ̃ nye futɔwo!” Ale ame aɖeke meɖu nu la aʋakɔ me gbe ma gbe o." data/train/1SA/1SA_009_Verse_025.mp3,Wotsa le afi sia afi le Efraim ƒe tonyigba la dzi kple Salisa nyigba kple Salim nuto me kple Benyamin ƒe anyigba blibo la dzi gake womete ŋu kpɔ wo o. data/train/1SA/1SA_018_Verse_029.mp3,Yonatan ka atam na David be yewoanye xɔlɔ̃wo ɖaa elabena elɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene. data/train/1SA/1SA_002_Verse_008.mp3,"Dɔla la tsɔa gaflo la ƒona ɖe gaze, kutu, agba alo nuɖaze si me wole lã la ɖam le la me eye nu sia nu si ke gaflo la tɔ la etsɔnɛ doa goe na nunɔla. Aleae wowɔna le Silo ɖe Israelvi ɖe sia ɖe si vaa afi ma la ŋuti." data/train/1SA/1SA_024_Verse_012.mp3,"Kpɔe ɖa, fofonye, kpɔ wò awu ʋlaya ƒe kakɛ si le nye asi me la ɖa! Melã wò awu ʋlaya to gake nyemewu wò o. Azɔ se egɔme eye nànyae be nu tovo wɔwɔ alo aglãdzedze ƒe fɔɖiɖi mele dzinye o. Nyemedze agɔ le dziwò o, ke wò ya èti yonyeme kutɔkutɔe be yeaɖe nye agbe ɖa." data/train/1SA/1SA_004_Verse_019.mp3,Filistitɔwo ɖu Israelviwo dzi; wowu Israelvi akpe ene. data/train/1SA/1SA_017_Verse_037.mp3,"Goliat do ɣli bia David be, “Avue menye hafi nètsɔ kpo ɖe ŋunyea?” Eyɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo tsɔ ƒo fi de David." data/train/1SA/1SA_025_Verse_034.mp3,"Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka yi ɖagblɔ na Nabal srɔ̃, Abigail, be, “David ɖo amewo ɖa tso gbedzi be woaƒo nu kple míaƒe aƒetɔ ke míaƒe aƒetɔ dzu wo eye wòblu ɖe wo." data/train/1SA/1SA_010_Verse_009.mp3,"Esi Saul trɔ va eƒe aƒe me le Gibea la, kalẽtɔ siwo ƒe dzi Mawu ʋã la yi kplii." data/train/1SA/1SA_013_Verse_017.mp3,"Samuel biae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?” Saul ɖo eŋu be, “Esi mekpɔ be nye aʋawɔlawo le kakam le ŋunye, evɔ mèva ɖo le ɣeyiɣi si nèɖo nam la dzi o, gawu la Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas." data/train/1SA/1SA_015_Verse_019.mp3,"Oo, meɖe kuku, tsɔ nye nu vɔ̃ kem azɔ eye nàkplɔm yi, maɖasubɔ Yehowa.”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_051.mp3,Tete wòtsɔ eƒe atizɔti ɖe asi eye wotia kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃ tso tɔʋu la me hetsɔ wo de alẽkplɔlawo ƒe akplo me eye wòtsɔ eƒe aŋetu ɖe asi hezɔ ɖe Filistitɔ la dzi. data/train/1SA/1SA_016_Verse_013.mp3,"Saul lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo, midi kasaŋkuƒola nyui aɖe miakplɔ vɛ nam.”" data/train/1SA/1SA_030_Verse_014.mp3,"Esi wova ɖo Besor tɔʋu la to la, wodo go woƒe ame alafa eve siwo ŋu ɖeɖi te ale gbegbe be womete ŋu tso tɔʋu la yi kpli wo o. David do gbe na wo dzidzɔtɔe." data/train/1SA/1SA_016_Verse_020.mp3,Yese gblɔ na via Abinadab be wòado ɖe ŋgɔ eye wòazɔ le Samuel ŋkume. Ke Samuel gablɔ be “Yehowa metia ame sia hã o.” data/train/1SA/1SA_018_Verse_027.mp3,Saul ʋã ŋu David elabena Yehowa li kple David hegblẽ eya Saul ɖi. data/train/1SA/1SA_014_Verse_051.mp3,"Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Na míayi aʋamatsomatsoetɔ mawo gbɔ, ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu aɖe na mí elabena amewo ƒe agbɔsɔsɔ menye naneke le Yehowa gbɔ o!”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_049.mp3,"Tete Filistitɔ la yi edzi be, “Egbe meɖe alɔme le Israel ƒe aʋalɔgoawo ŋu! Miɖe ŋutsu ɖeka nam ne nye kplii míawɔ aʋa.”" data/train/1SA/1SA_018_Verse_010.mp3,"Esi ŋu ke la, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ ɖe fu na Saul eye wòde asi nuwɔwɔ me abe tsukunɔ ene. David faa akɔ nɛ to kasaŋkuƒoƒo nɛ me, abe ale si wòwɔna ne gbɔgbɔ vɔ̃ la mena eƒe mo dze anyi o la ene. Ke, le ɣeyiɣi sia me la, Saul lé akplɔ ɖe asi." data/train/1SA/1SA_004_Verse_021.mp3,"Ŋutsu aɖe si tso Benyamin ƒe to la me la, ƒu du tso aʋagbedzi eye wòɖo Silo gbe ma gbe ke. Eƒe awuwo vuvu eye ʋuʋudedi nɔ tame nɛ. Nɔnɔme sia fia konyifafa le ɣe ma ɣi me." data/train/1SA/1SA_028_Verse_024.mp3,"Yehowa wɔ nya si wògblɔ ɖi to dzinye la dzi. Yehowa vuvu fiaɖuƒe la le asiwò me eye wòtsɔe na hawòviwo dometɔ ɖeka, David." data/train/1SA/1SA_017_Verse_000.mp3,"Ale ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi sia la woanyae be menye yi alo akplɔ Yehowa tsɔna ɖea ame o, elabena aʋa la nye Yehowa tɔ eye wòatsɔ mi katã ade mía si me.”" data/train/1SA/1SA_022_Verse_015.mp3,"Gbe ɖeka la, Nyagblɔɖila Gad gblɔ na David be wòadzo le agado la me eye wòatrɔ ayi Yuda. Ale David yi ave aɖe me le Heret." data/train/1SA/1SA_020_Verse_026.mp3,"Saul do dɔmedzoe ŋutɔ, eblu ɖe Yonatan hegblɔ be, “Wò, nyɔnu ɖigbɔ, dzeaglã ƒe vi! Ɖe nèbu be nyemenya be yedi be Yese vi ma naɖu fia ɖe nye teƒe eye nàdo ŋukpe wò ŋutɔ kple dawò siaa oa?" data/train/1SA/1SA_007_Verse_003.mp3,Ale woɖe asi le Baal kple Astarɔtwo ŋuti eye wosubɔ Yehowa ɖeɖe ko. data/train/1SA/1SA_002_Verse_020.mp3,"Ke Samuel ya subɔna le Yehowa ŋkume, enye ɖevi si doa aklala biɖibiɖi ƒe kɔmewu." data/train/1SA/1SA_026_Verse_003.mp3,"Ale Saul yi Zif gbegbe kple eƒe ame akpe etɔ̃ (3,000) siwo wòtia tso Israel eye woyi be woadi David." data/train/1SA/1SA_001_Verse_020.mp3,"Ke Hana meyi o. Egblɔ na srɔ̃a be, “Malala va se ɖe esime ɖevi la dzudzɔ nonono ekema makplɔe ayi na Yehowa eye wòanɔ afi ma ɖaa.”" data/train/1SA/1SA_020_Verse_018.mp3,"Ke wò ya la, ve wò dɔla nu elabena èbla nu kplim le Yehowa ŋkume. Ne medze agɔ la, ekema wò ŋutɔ nàwum! Nu ka ŋuti nàtsɔm ade asi na fofowò?”" data/train/1SA/1SA_016_Verse_007.mp3,"Ke Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mègakpɔ eƒe dzedzeme alo eƒe atsudzɔdzɔ o elabena megbee. Yehowa mekpɔa nu si amewo kpɔna la o. Amegbetɔ kpɔa nuwo ƒe gota ƒe dzedzeme, ke Yehowa ya kpɔa ame ƒe dzime.”" data/train/1SA/1SA_022_Verse_019.mp3,Nɔ gbɔnye le afi sia. Mègavɔ̃ o elabena ame si le nye ku dim lae le wò hã tɔ di ge; ànɔ dedie le gbɔnye.” data/train/1SA/1SA_011_Verse_010.mp3,"Saul kplɔ eƒe nyiwo tso agble gbɔna va aƒe me eye wòbia be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta ame sia ame la avi fam?” Wogblɔ nya si wose tso Yabes la nɛ." data/train/1SA/1SA_004_Verse_014.mp3,"Esi Eli ƒe toyɔvi, Finehas srɔ̃, ame si nye funɔ la se be woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye ye srɔ̃, Finehas kple ye to, Eli ku la, fu de asi eɖuɖu me enumake." data/train/1SA/1SA_004_Verse_008.mp3,"Egblɔ be, “Israel ƒe ŋutikɔkɔe nu tso elabena woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la.”" data/train/1SA/1SA_006_Verse_004.mp3,"Bet Semestɔwo nɔ lu xam le balime le ɣe ma ɣi eye esi wofɔ mo dzi kpɔ nubablaɖaka la, wogli kple dzidzɔ!" data/train/1SA/1SA_023_Verse_015.mp3,Fiavi Yonatan yi David di ge azɔ. Edo goe le Hores eye wòdo ŋusẽe le eƒe mawudzixɔse me. data/train/1SA/1SA_014_Verse_011.mp3,"Esi Filistitɔwo kpɔ wo wogbɔna la, wodo ɣli be, “Mikpɔ ɖa, Israelviwo le dodom le woƒe dowo me!”" data/train/1SA/1SA_025_Verse_000.mp3,"Abigail ɖe abla enumake, tsɔ abolo alafa eve (200), wain atigo eve, alẽ atɔ̃ siwo wowu la ƒe lã, bli tɔtɔ agba eve, abolo alafa ɖeka si wowɔ kple waintsetse ƒuƒu kple abolo alafa eve siwo wowɔ kple gbotsetse. Etsɔ nu siawo ɖo tedziwo dzi." data/train/1SA/1SA_015_Verse_030.mp3,"Saul lɔ̃ mlɔeba be, “Mewɔ nu vɔ̃, ɛ̃, megbe toɖoɖo wò eye nyemewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o elabena mevɔ̃ ameawo eye mewɔ nu si wobia." data/train/1SA/1SA_003_Verse_008.mp3,Mawɔ nu dziŋɔ siwo katã ŋu meƒo nu tsoe na Eli. data/train/1SA/1SA_008_Verse_014.mp3,"Ke esi wogblɔ be, “Tia fia na mí be wòakplɔ mí” la, esia medze Samuel ŋu o; eya ta wòdo gbe ɖa na Yehowa." data/train/1SA/1SA_015_Verse_015.mp3,"Ke Samuel ɖo eŋu be, “Viɖe aɖeke mele eme o, esi nègbe Yehowa ƒe ɖoɖowo ta la, eya hã gbe wò; màganye Israel Fia o!”" data/train/1SA/1SA_009_Verse_004.mp3,"Esi Samuel kpɔ Saul ko la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Ame siae nye ame si ƒe nya megblɔ na wò, eyae aɖu fia ɖe Israelviwo dzi.”" data/train/1SA/1SA_001_Verse_014.mp3,"Hana bia Eli be, “Nye aƒetɔ, èɖo ŋku dzinyea? Nyee nye nyɔnu si tsi tsitre ɖe afi sia ɣe aɖe ɣi henɔ gbe dom ɖa na Yehowa." data/train/1SA/1SA_017_Verse_009.mp3,"David bia ŋutsu siwo nɔ tsitre ɖe egbɔ la be, “Nu kae woawɔ na ŋutsu si awu Filistitɔ sia ahaɖe ŋukpe sia ɖa le Israel ŋu? Ame kae nye Filistitɔ, bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu?”" data/train/1SA/1SA_014_Verse_012.mp3,"Esi Saul zu fia ɖe Israel dzi la, ewɔ aʋa kple woƒe futɔwo le akpa sia akpa dzi: Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Zoba fiawo kple Filistitɔwo siaa. Afi sia afi si ke wotrɔ ɖo la, eɖua wo dzi vevie." data/train/1SA/1SA_016_Verse_016.mp3,"Saul ɖo dɔlawo ɖe Yese hebiae be wòaɖo via David, ame si nye alẽkplɔla la ɖe ye." data/train/1SA/1SA_017_Verse_042.mp3,Israelviwo trɔ le Filistitɔwo yome eye wova ha nuwo le woƒe asaɖa me. data/train/1SA/1SA_030_Verse_029.mp3,Wokpɔ Egipte ŋutsu aɖe le gbe me eye wokplɔe vɛ na David. Wona nui wòɖu eye wona tsii wòno. data/train/1SA/1SA_028_Verse_021.mp3,"Saul mlɔ anyigba hedra ɖe anyigba azɔ, ʋaʋã meganɔ eŋu o, le Samuel ƒe nyawo ta. Dɔwuame hã na ŋusẽ vɔ le eŋu elabena meɖu naneke ŋkeke blibo la o." data/train/1SA/1SA_016_Verse_018.mp3,"Tso esi Saul kpɔ David ko la, David ƒe nu nyo eŋu, elɔ̃e eye wòna wòzu eƒe adekplɔvi." data/train/1SA/1SA_014_Verse_030.mp3,"ne futɔwo kpɔ mí eye wogblɔ be, ‘Mitɔ ɖe afi ma ne menye nenema o la, míawu mi’ la, ekema míatɔ alala wo." data/train/1SA/1SA_007_Verse_007.mp3,"Etsana ƒe sia ƒe drɔ̃a ʋɔnu gbã le Betel, emegbe le Gilgal eye le eya yome la, le Mizpa. Ale wòdrɔ̃a ʋɔnu na Israel le teƒe siawo katã." data/train/1SA/1SA_010_Verse_024.mp3,"Yehowa ƒe gbɔgbɔ adze dziwò kple ŋusẽ, àgblɔ nya ɖi kpli wo, eye woatrɔ wò nàzu ame bubu sãa." data/train/1SA/1SA_021_Verse_009.mp3,"Fia Akis gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Mikpɔ ame sia ɖa! Ele tsu kum! Nu ka tae miekplɔe vɛ nam ɖo?" data/train/1SA/1SA_024_Verse_003.mp3,"David do ɣli na Saul be, “Nu ka ta nèle to ɖom ame siwo le gbɔgblɔm na wò be, David ɖoe kplikpaa be yeawɔ nuvevi wò?" data/train/1SA/1SA_019_Verse_020.mp3,Saul gblɔ ɖo ɖa be woakɔ David kple eƒe abati la vɛ ale be yeate ŋu awui. data/train/1SA/1SA_009_Verse_022.mp3,"Saul ɖo eŋu be, “Naneke mele mía si míatsɔ axe fe nɛ o, nuɖuɖu gɔ̃ hã vɔ le mía si eye naneke kura meli míatsɔ nɛ o.”" data/train/1SA/1SA_025_Verse_037.mp3,"Nye aƒetɔ, megaɖo to Nabal ŋutsu vɔ̃ɖi ma o. Ɖe ko wòle abe aƒe ŋkɔ ene. Eƒe ŋkɔ gɔmee nye Bometsila. Eya ta bometsitsi nɔ eŋu ɖo. Ke nye, wò dɔla, ya la, nyemekpɔ ŋutsu siwo nye aƒetɔ dɔ ɖa la o." data/train/1SA/1SA_026_Verse_021.mp3,"Saul gblɔ na David be, “Woayra wò, vinye David; àwɔ nu dzɔatsuwo eye ànye dziɖula gã aɖe.” David trɔ dzo eye Saul yi eƒe nɔƒe." data/train/1SA/1SA_016_Verse_010.mp3,"Samuel gblɔ be, “Aleke mayie? Saul ase nya sia eye wòawum.” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Kplɔ nyivi ɖeka ɖe asi eye nàgblɔ be, ‘Meva vɔ sa ge na Yehowa.’" data/train/1SA/1SA_030_Verse_001.mp3,"Ame kae alɔ̃ ɖe nya si gblɔm miele la dzi? Míama nuawo eye míama wo sɔsɔe, na ame siwo wɔ aʋa la kple ame siwo dzɔ míaƒe nuwo ŋu.”" data/train/1SA/1SA_027_Verse_001.mp3,"Ale David kple ame alafa ade (600) siwo le eŋu la dzo heyi Akis, Mayok vi, Gat fia, gbɔ." data/train/1SA/1SA_029_Verse_002.mp3,"Ale Fia Akis yɔ David kple eƒe amewo eye wògblɔ na wo be, “Metsɔ Yehowa ka atam be miawoe nye ame nyuitɔ siwo medo goe kpɔ eye mebu be miayi aʋa kpli mí ke nye aʋafiawo melɔ̃ ɖe edzi o." data/train/1SA/1SA_025_Verse_002.mp3,"Anyo be nàbu ta me kaba, elabena nya sesẽ aɖe le dzɔdzɔ ge ɖe míaƒe aƒetɔ kple ƒome blibo la dzi. Míaƒe aƒetɔ nye kɔlialiatɔ ale gbegbe be ame aɖeke maƒo nu nɛ wòase o.”" data/train/1SA/1SA_008_Verse_015.mp3,"Ne ŋkeke ma va ɖo la, miafa avi be woana gbɔdzɔe mi tso fia si mietia la si me eye Yehowa matɔ na mi le ŋkeke ma dzi o.”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_015.mp3,David gblẽ eƒe nuwo ɖe aʋawɔnuwo dzikpɔla gbɔ heƒu du yi ɖe aʋaŋgɔ eye wòdo gbe na nɔviawo. data/train/1SA/1SA_028_Verse_007.mp3,"Esi Saul kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ƒe agbɔsɔsɔ la, dzidzi ƒoe eye wòvɔ̃ ŋutɔ." data/train/1SA/1SA_024_Verse_008.mp3,"Ègblɔ nyui si nèwɔ nam la fifi laa. Yehowa tsɔm de asiwò me, gake mèwum o." data/train/1SA/1SA_023_Verse_028.mp3,"Yonatan ka ɖe edzi na David bena “Mègavɔ̃ o, fofonye ƒe asi masu dziwò gbeɖe o! Wòe azu fia ɖe Israel dzi eye manɔ ŋuwò, anye evelia na wò abe ale si fofonye nyae nyuie ene.”" data/train/1SA/1SA_009_Verse_010.mp3,"Ke subɔla la gblɔ nɛ be, “Meɖo ŋku nane dzi! Nyagblɔɖila aɖe le du sia me, ame sia ame bunɛ eye woxɔa edzi sena elabena nya sia nya si wògblɔna la vaa eme. Na míayi aɖadii, ɖewohĩ afia afi si tedziawo le la mí.”" data/train/1SA/1SA_006_Verse_019.mp3,"Woɖo eŋu be, “Ne miebe yewoatrɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ayi la, migaɖoe ɖa asi ƒuƒlui o, ke boŋ godoo la, mitsɔ fɔɖivɔsa kpe ɖe eŋuti. Ekema miakpɔ dɔyɔyɔ eye miakpɔe ɖa be eƒe asi madzo le mia dzi o mahã?”" data/train/1SA/1SA_009_Verse_017.mp3,"Samuel gblɔ na nuɖuɖudzikpɔla la be, “Tsɔ lãkɔ damitɔ si mede asi na wò be nadzra ɖo nam la vɛ nam.”" data/train/1SA/1SA_001_Verse_017.mp3,"Hana nɔ nu xam vevie, nɔ avi fam le esime wònɔ gbe dom ɖa na Yehowa" data/train/1SA/1SA_018_Verse_012.mp3,"Etsɔ awu ʋlaya si wòdo, eƒe aʋawu, yi kple dati hekpe ɖe alidziblanu ŋu nɛ. Fia Saul na David tsi Yerusalem eye megaɖe mɔ nɛ be wòatrɔ ayi wo de o." data/train/1SA/1SA_031_Verse_002.mp3,aʋawɔlawo katã tso du ma me zɔ mɔ to zã blibo la me yi Bet Sean. Woɖe Saul kple viawo ƒe ŋutilã kukuawo le glia ŋu le Bet Sam eye wotsɔ wo va Yabes Gilead hetɔ dzo wo. data/train/1SA/1SA_002_Verse_024.mp3,"Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnui. Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, ame kae aɖe kuku ɖe enu?” Togbɔ be wo fofo gbe nya na wo alea hã la, womeɖo toe o elabena Yehowa ɖo be yeawu wo." data/train/1SA/1SA_008_Verse_017.mp3,Via ŋutsu gbãtɔ ŋkɔe nye Yoel eye evelia ŋkɔe nye Abiya ame siwo drɔ̃ ʋɔnu le Beerseba. data/train/1SA/1SA_004_Verse_011.mp3,"Ena ŋkɔ ŋutsuvi la be, “Ikabod” si gɔmee nye “Israel ƒe ŋutikɔkɔe nu tso.” Elabena woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye srɔ̃a kple toa siaa ku." data/train/1SA/1SA_029_Verse_008.mp3,"Ke Filistitɔwo ƒe kplɔlawo do dɔmedzoe eye wogblɔ be, “Na woatrɔ adzo, womele aʋa yi ge kpli mí o. Woava trɔ le mía yome. Mɔ nyui aɖe li si dzi wòato awɔ ɖeka kple eƒe aƒetɔ, Saul, wu tɔtrɔ ɖe mía ŋu le aʋa la mea?" data/train/1SA/1SA_030_Verse_027.mp3,"Tso gbe ma gbe dzi la, David wɔ numama alea wònye se kple kɔnu na Israelviwo katã va se ɖe egbe." data/train/1SA/1SA_024_Verse_011.mp3,Ke eƒe dzitsinya de asi fuɖeɖe nɛ me. data/train/1SA/1SA_018_Verse_020.mp3,Saul bla nu kple eƒe amewo be woable David be fia la kple yewo siaa yewolɔ̃e ŋutɔ eye yewobu be anyo be wòalɔ̃ ɖe susu si fia la do ɖa la dzi eye wòazu fia la ƒe toyɔvi. data/train/1SA/1SA_019_Verse_015.mp3,"Mixal tsɔ ametikpakpɛ aɖe da ɖe David ƒe aba dzi, eƒe ta nɔ suɖui si wowɔ kple gbɔ̃fu la dzi eye wòtsyɔ abadzivɔwo nɛ." data/train/1SA/1SA_010_Verse_023.mp3,"Woƒu du yi ɖakplɔe vɛ tso afi ma eye esi wòtsi tsitre ɖe ameawo dome la, ekɔ eye ameawo se eƒe abɔta." data/train/1SA/1SA_014_Verse_015.mp3,eye miagblɔ na ameawo be woahe nyiawo kple alẽwo ava wu le afi sia eye woatsyɔ ʋu le wo me ale be womawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu to ʋuɖuɖu me o.” Ale ame ɖe sia ɖe kplɔ eƒe nyi ɖe asi yi le zã ma me eye wowu wo le afi ma. data/train/1SA/1SA_022_Verse_005.mp3,"David do ɣli gblɔ na Abiata be, “Menya nenema! Esi mekpɔ Doeg, Edomtɔ la le afi ma la, menya be agblɔe na Saul. Azɔ la, mehe ku vɛ na fofowò ƒe ƒometɔwo katã." data/train/1SA/1SA_014_Verse_044.mp3,Saul ƒe gbetakpɔlawo le Benyamin ƒe Gibea kpɔ nu wɔnuku aɖe: wokpɔ Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo nɔ sisim tso afii yi afi mɛ. data/train/1SA/1SA_014_Verse_022.mp3,"Ke aʋawɔlawo ɖo eŋu be, “Yonatan, ame si ɖe Israel egbea nakua? Gbeɖe! Míeka atam kple Mawu ƒe agbe be ame aɖeke maka asi Yonatan ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã ŋu o elabena Mawu wɔ eŋu dɔ hewɔ nukunu triakɔ aɖe egbe.” Ale ameawo xɔ na Yonatan." data/train/1SA/1SA_014_Verse_008.mp3,"Ame aɖe gblɔ nya si dzɔ la na Saul be ameawo nɔ nu vɔ̃ wɔm ɖe Yehowa ŋu to nuɖuɖu me. Saul gblɔ be, “Nu sia mesɔ kura o! Mimli kpe gã aɖe vɛ nam" data/train/1SA/1SA_015_Verse_000.mp3,Ale Samuel gbugbɔ yi kple Saul eye Saul subɔ Yehowa. data/train/1SA/1SA_013_Verse_016.mp3,"Nenye be wonyre agbleŋlɔnuawo la, woxea klosaloga gram enyi, nenema kee nye fi hã, ke woxea klosaloga gram ene ɖe gaflu kple fiawo hekpe ɖe nuŋɔnuwo nyenyre ŋuti." data/train/1SA/1SA_012_Verse_013.mp3,Mawu bubuawo mate ŋu akpe ɖe mia ŋu o. data/train/1SA/1SA_026_Verse_022.mp3,"Saul ƒu asaɖa anyi ɖe mɔ si ɖo ta Hakila tɔgbɛ si dze ŋgɔ Yesimon mɔto, ke David ya nɔ gbegbea. Esi wòkpɔ be Saul ti ye yome va afi ma la," data/train/1SA/1SA_014_Verse_049.mp3,Wowu wo dometɔ blaeve eye ame kukuawo kaka ɖe teƒe si de agbleka afã. data/train/1SA/1SA_004_Verse_006.mp3,"Aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na eƒe ku la, nyɔnu siwo nɔ egbɔ la gblɔ nɛ be edzi viŋutsuvi, ke womegblɔ nya boo aɖeke o." data/train/1SA/1SA_028_Verse_023.mp3,Yehowa atsɔ wò kple Israel blibo la ade asi na Filistitɔwo eye etsɔ la wò kple viwò ŋutsuwo miava nɔ gbɔnye le afii. Yehowa atsɔ Israel ƒe aʋakɔ la hã ade asi na Filistitɔwo.” data/train/1SA/1SA_028_Verse_011.mp3,"Fia Saul gblɔ nɛ be, “Mègana dzidzi naƒo wò o! Nu ka nèkpɔ?” Ŋɔliyɔla la ɖo eŋu be, “Mekpɔ gbɔgbɔ aɖe wòle dodom tso tome gbɔna.”" data/train/1SA/1SA_018_Verse_004.mp3,egavɔ̃ David wu tsã eye eƒe fulélee nu ganɔ sesẽm ɖe edzi wu gbe sia gbe. data/train/1SA/1SA_007_Verse_015.mp3,"Wogblɔ na Samuel be, “Mègadzudzɔ kokoƒoƒo na Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe mía ta o, ale be wòaɖe mí tso Filistitɔwo ƒe asi me.”" data/train/1SA/1SA_020_Verse_023.mp3,"Ne edo dɔmedzoe eye wòdi be yeawu wò la, ekema Yehowa nawum ne nyemegblɔe na wò ale be nàsi, anɔ agbe o. Yehowa nanɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple fofonye tsã la ene." data/train/1SA/1SA_024_Verse_001.mp3,“Ame ka ŋutie Israel fia do go ɖo? Ame ka yome tim nèle? Avu kukua? Alo axɔ̃ ɖeka ŋua? data/train/1SA/1SA_023_Verse_016.mp3,"Gbe ɖeka esi David nɔ Hores le Zif gbegbe la, ese be Saul le eƒe agbe yome tim." data/train/1SA/1SA_017_Verse_028.mp3,"Esi Saul kple Israel blibo la se nya siwo Filistitɔ la gblɔ la, dzi ɖe le wo ƒo eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ." data/train/1SA/1SA_009_Verse_005.mp3,"Esi wogadi wo le Zuf nyigba la hã dzi la, Saul gblɔ na subɔla la be, “Na míayi aƒe me elabena fifia la, fofonye atsi dzi ɖe míawo ŋu wu tedziawo ŋu!”" data/train/1SA/1SA_003_Verse_017.mp3,"Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mele nu dziŋɔ aɖe wɔ ge le Israel." data/train/1SA/1SA_007_Verse_006.mp3,"Esi Samuel nɔ numevɔ sam ko la, Filistitɔwo ƒo ɖe Israelviwo dzi bibibi hena aʋawɔwɔ. Ke Yehowa ɖe gbe kple dziɖegbe ƒe gbe ɖe Filistitɔwo dzi, ŋɔdzi lé wo eye wotɔtɔ. Israelviwo dze wo dzi, fiti wo." data/train/1SA/1SA_010_Verse_000.mp3,Ale Samuel ƒo ƒu Israel ƒe toawo ƒe kplɔlawo ɖe Yehowa ŋkume eye wotia Benyamin ƒe to la. data/train/1SA/1SA_014_Verse_029.mp3,"Mlɔeba la, esi Israelvi siwo ɣla wo ɖokuiwo ɖe Efraim toawo dzi la kpɔ be Filistitɔwo nɔ sisim la, woawo hã va kpe ɖe wo nɔviwo ŋu wonya Filistitɔwo ɖe du nu." data/train/1SA/1SA_008_Verse_020.mp3,"Yehowa gblɔ na Samuel be, “Wɔ nu si wobia tso asiwò la na wo elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe abe woƒe fia ene." data/train/1SA/1SA_017_Verse_026.mp3,"Esi Filistitɔ la gbɔna be yeadze David dzi la, David zɔ kaba yi be yeakpe aʋa kplii." data/train/1SA/1SA_002_Verse_026.mp3,"Nya siwo sem mele tso mia ŋu la, menya sena kura o. Miele Yehowa ƒe amewo kplɔm de nu vɔ̃ me." data/train/1SA/1SA_008_Verse_005.mp3,Axɔ miaƒe agblemenukuwo kple miaƒe wain tsetsewo ƒe ewolia eye wòatsɔ wo ana eƒe dɔnunɔlawo kple eƒe subɔlawo. data/train/1SA/1SA_015_Verse_020.mp3,"Samuel gblɔ be, “Kplɔ Amalekitɔwo ƒe fia Agag vɛ nam.” Agag va do kple alɔgbɔnukoko elabena egblɔ be, “Meka ɖe edzi be woana matsi agbe azɔ!”" data/train/1SA/1SA_007_Verse_011.mp3,"Samuel gblɔ na Israel ƒe aƒe blibo la be, “Ne mieɖo ta me kplikpaa be yewoatrɔ ayi Yehowa gbɔ la, ekema miɖe asi le miaƒe dzromawuwo kple Astarɔtwo ŋu. Miɖo ta me kplikpaa azɔ be miaɖo to Yehowa ɖeɖe ko ekema aɖe mi tso Filistitɔwo si me.”" data/train/1SA/1SA_006_Verse_011.mp3,"Keke la ge ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosua, ame si tso Bet Semes la ƒe agble me eye wòtɔ ɖe agakpe gã aɖe gbɔ. Ameawo fli tasiaɖam la ƒe atiwo hedo dzo eye wowu nyiawo hesa numevɔ na Yehowa." data/train/1SA/1SA_017_Verse_008.mp3,"Aʋakalẽtɔ aɖe si ŋkɔe nye Goliat, ame si tso Gat do go tso Filistitɔwo ƒe asaɖa me. Ŋutsu sia ƒe kɔkɔme anɔ mita etɔ̃." data/train/1SA/1SA_009_Verse_007.mp3,"Esi wotrɔ va dua me le nuɖuɖua megbe la, Samuel kplɔ Saul yi eƒe xɔta ƒe gbadzaƒe eye woɖo dze le afi ma." data/train/1SA/1SA_009_Verse_021.mp3,"Saul ɖo eŋu be, “Amegã, nya ka gblɔm nèle? Benyamin ƒe to si nye to suetɔ kekeake le Israel la mee metso eye nye ƒome hãe nye ƒome gblɔetɔ kekeake le to la me! Ame bubue nàgblɔ nya siawo na hafi!”" data/train/1SA/1SA_014_Verse_039.mp3,"Saul gblɔ na Yonatan be, “Vinye, nu kae nèwɔ?” Yonatan gblɔ be, “Meɖɔ anyitsi sue aɖe kpɔ, sue aɖe si nɔ nye atikplɔ ŋu koe meɖuɖɔ, ke azɔ la medze na ku.”" data/train/1SA/1SA_015_Verse_029.mp3,"Saul kple eƒe amewo ɖe Agag ƒe agbe eye wotsɔ alẽ kple nyi gãtɔwo, alẽvi damitɔwo kple nu sia nu si nyo na wo la na wo ɖokui. Nu siwo ŋu asixɔxɔ boo mele o la, koe wotsrɔ̃." data/train/1SA/1SA_023_Verse_006.mp3,"Azɔ la, Ziftɔwo yi Saul gbɔ le Gibea eye wozɔ David ŋu nɛ, gblɔ nɛ be, “Míenya afi si wòbe ɖo; ele Hores ƒe agadowo me le Hakila to la dzi, le gbegbe la ƒe dzieheliƒo dzi." data/train/1SA/1SA_020_Verse_002.mp3,Ale Yonatan bla nu kple David ƒe ƒometɔwo eye David ka atam be fiƒode dziŋɔ aɖe nava ye kple yeƒe ƒometɔwo dzi ne yewomewɔ nubabla la dzi o. data/train/1SA/1SA_023_Verse_012.mp3,"eya ta David bia Yehowa be, “Ɖe mayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwoa?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, nàxɔ na Keilatɔwo.”" data/train/1SA/1SA_018_Verse_025.mp3,"Saul gblɔ na wo be, “Migblɔ na David be srɔ̃ɖenu si medi tso esi koe nye Filistitɔ alafa ɖeka ƒe aʋanuyiwo: hlɔ̃biabia nye futɔwo koe nye nu si mehiã.” Ke ta me si Saul ɖo lae nye be woawu David le aʋa la me!" data/train/1SA/1SA_002_Verse_009.mp3,"Egblɔ na viawo be, “Nu ka ta miele nu vɔ̃ɖi sia wɔm? Ame sia ame le nu ƒom le miaƒe agbe vlo nɔnɔ ŋu nam." data/train/1SA/1SA_006_Verse_007.mp3,"Filistitɔwo bia be, “Fɔɖivɔsanu kae míatsɔ aɖo ɖa?” Woɖo eŋu be, “Sikaƒoƒoe atɔ̃ kple afi si wowɔ kple sika la atɔ̃, ɖe Filistitɔwo ƒe amegãwo ƒe xexlẽme nu elabena dɔvɔ̃ ɖeka ƒomevie va dze mi kple mia dziɖulawo siaa dzi." data/train/1SA/1SA_009_Verse_012.mp3,"“Le etsɔ si gbɔna ƒe ɣe aleawo ɣi la, maɖo ame aɖe ɖe wò tso Benyamin ƒe anyigba dzi. Si ami nɛ ne wòazu Israelviwo ƒe kplɔla. Eyae aɖe wo tso Filistitɔwo si me elabena mekpɔ nublanui na wo eye mese woƒe ɣlidodo.”" data/train/1SA/1SA_001_Verse_021.mp3,"Le vɔsa la megbe la, wokplɔ ɖevi la yi Eli gbɔ." data/train/1SA/1SA_020_Verse_038.mp3,"Yonatan ɖo eŋu be, “Madzɔ nenema gbeɖe o; le nyateƒe me la, ne wò nyawo ɖe wole eme la, anye ne megblɔe na wò xoxo.”" data/train/1SA/1SA_025_Verse_012.mp3,"ekema, nye aƒetɔ, màxa nu be yewu ame aɖewo dzodzro alo be yebia hlɔ̃ na ye ɖokui o. Gawu la, ne Yehowa yra wò la, nye aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ŋku dzinye!”" data/train/1SA/1SA_015_Verse_027.mp3,"Saul gasẽ nu be, “Mewɔ Yehowa ƒe gbe dzi, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ, melé Fia Agag vɛ, gake mewu ame mamlɛawo katã." data/train/1SA/1SA_010_Verse_012.mp3,"Gake ame vlo aɖewo gblɔ be, “Aleke ame sia tɔgbi ate ŋu aɖe mí?” Ale wodo vloe eye wometsɔ nunana ɖeke vɛ nɛ o, gake Saul megblɔ nya aɖeke o." data/train/1SA/1SA_002_Verse_022.mp3,"“Mèganɔ nu ƒom dadatɔe nenema o, elabena Yehowae nye Mawu si nya nu sia nu eye wòdaa miaƒe nuwɔnawo kpɔna." data/train/1SA/1SA_031_Verse_004.mp3,"Esi Israelvi siwo le balime la godo kple esiwo le Yɔdan tɔsisi la godo se be yewo nɔviwo si eye wowu Saul kple via ŋutsuawo la, wosi le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me." data/train/1SA/1SA_013_Verse_011.mp3,Filistitɔwo ƒe aʋalɔgo etɔ̃ ho tso woƒe asaɖa me be yewoayi aɖaha nuwo. Aʋalɔgo ɖeka ɖo ta Ofra le Sual nyigba dzi; data/train/1SA/1SA_012_Verse_020.mp3,"Samuel yi edzi be, “Yehowa tia Mose kple Aron, eyae kplɔ mía tɔgbuiwo dzoe le Egipte." data/train/1SA/1SA_025_Verse_025.mp3,"Ke ame siawo wɔ nyui na mí. Womewɔ nuvevi aɖeke mi o. Le ɣeyiɣi si katã míenɔ gbegbea kpli wo la, míaƒe naneke mebu o." data/train/1SA/1SA_015_Verse_007.mp3,"Esi Samuel trɔ be yeadzo la, Saul lé Samuel ƒe awu ʋlaya toga eye awu la vuvu piã!" data/train/1SA/1SA_022_Verse_013.mp3,"Fia la ɖe gbe na Doeg be, “Wò ŋutɔ wu wo!” Ale Doeg, Edomtɔ la wu nunɔla blaenyi-vɔ-atɔ̃wo le esime wonɔ nunɔlawo ƒe awu me." data/train/1SA/1SA_020_Verse_010.mp3,"Esi wòsusɔ vie ɖevia naɖo afi si aŋutrɔ la dze la, Yonatan do ɣli be, “Aŋutrɔ la gale ŋgɔ na wò." data/train/1SA/1SA_025_Verse_015.mp3,"Esi Abigail kpɔ David la, eɖi le eƒe tedzi dzi enumake eye wòde ta agu ɖe David ŋgɔ." data/train/1SA/1SA_013_Verse_022.mp3,Yonatan si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le Geba eye nya sia ɖi le Filistitɔwo ƒe anyigba blibo la dzi. Eye Saul ku aʋakpẽ le Israelnyigba blibo la dzi eye wòɖe gbeƒã be “Hebritɔwo katã nesee.” data/train/1SA/1SA_022_Verse_023.mp3,Tete ame siwo nɔ hiãkame aɖe me abe fenyilawo ene alo ame siwo nu tɔxɛ aɖe nɔ fu ɖem na la de asi egbɔ vava me va se ɖe esime wòva zu tatɔ na ame abe alafa ene ene. data/train/1SA/1SA_027_Verse_003.mp3,Ale Fia Akis tsɔ Ziklag na David eye wòzu Yuda fia ƒe du va se ɖe egbe. data/train/1SA/1SA_017_Verse_044.mp3,"Ne ete ŋu wɔ aʋa kplim eye wòwum la, míanye miaƒe subɔlawo, gake ne meɖu edzi eye mewui la, ekema miawo hã miazu míaƒe subɔlawo.”" data/train/1SA/1SA_018_Verse_011.mp3,"Esi ŋutsuawo trɔ gbɔna va aƒe le David ƒe Filistitɔ la wuwu vɔ megbe la, nyɔnuwo tso Israel ƒe duwo katã me be woado go Fia Saul. Wonɔ ha dzim, nɔ ɣe ɖum. Wodzi aseyetsohawo ɖe asiʋuiwo kple gakogoewo ŋu." data/train/1SA/1SA_008_Verse_009.mp3,"Egblɔ na wo be, “Esia nye nu si fia si aɖu mia dzi la awɔ; atsɔ mia viŋutsuwo be woanye yeƒe tasiaɖamkulawo kple sɔdolawo eye wòana woasi du le eƒe tasiaɖamwo ŋgɔ." data/train/1SA/1SA_022_Verse_003.mp3,"Ale Fia Saul ɖo du ɖe nunɔla Ahimelek, Ahitub viŋutsu kple eƒe ƒometɔwo katã, ame siwo nye nunɔlawo le Nɔb eye wova fia la gbɔ." data/train/1SA/1SA_002_Verse_016.mp3,"eye àkpɔ xaxa le nye nɔƒe la me. Togbɔ be woawɔ nyui na Israel hã la, ke wò ƒome me ya la, amegãɖeɖi manɔ anyi akpɔ gbeɖe o." data/train/1SA/1SA_017_Verse_016.mp3,"David gblɔ na Saul be, “Dzi megaɖe le ame aɖeke ƒo le Filistitɔ sia ta o. Wò dɔla ayi aɖawɔ aʋa kplii.”" data/train/1SA/1SA_005_Verse_001.mp3,"Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ta Ekron. Ke esi Ekrontɔwo kpɔe wògbɔna wo gbɔ ko la, wodo ɣli be, “Wotsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la gbɔna afi sia be wòawu mí kple míaƒe amewo.”" data/train/1SA/1SA_030_Verse_011.mp3,"David ƒe amewo kplɔ Amalekitɔwo ƒe lãhawo dzoe eye wogblɔ na David be, “Esiawo katã nye wò ŋutɔ tɔ abe wò fetu ene.”" data/train/1SA/1SA_015_Verse_008.mp3,"Esi Samuel va kpɔ Saul la, Saul do gbe nɛ dzidzɔtɔe hegblɔ nɛ ne, “Mewɔ nu siwo katã Yehowa ɖo nam!”" data/train/1SA/1SA_025_Verse_024.mp3,"Fifi laa ko David gblɔ be, “Nye ame sia ƒe nuwo dzi kpɔkpɔ nɛ le gbea dzi be womefi eƒe naneke o nye dzodzro. Etsɔ vɔ̃ ɖo nyui si mewɔ nɛ la teƒe nam." data/train/1SA/1SA_017_Verse_058.mp3,"Yese viŋutsu tsitsitɔ etɔ̃ kplɔ Saul ɖo yi aʋa. Gbãtɔ ŋkɔe nye Eliab, evelia ŋkɔe nye Abinadab eye etɔ̃lia ŋkɔe nye Sama." data/train/1SA/1SA_024_Verse_007.mp3,"Egblɔ na eƒe amewo be, “Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be mawɔ nenem nu vɔ̃ ma ɖe nye aƒetɔ si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_033.mp3,"Eƒo asi ɖe eƒe alẽkplɔgolo la me, tsɔ kpe ɖeka de eƒe aŋetu la me eye wòdae. Kpe la dze Goliat, Filistitɔ la ƒe ŋgonu sesĩe eye wòŋɔe ge ɖe eme. Goliat mu dze anyi gbloo hetsyɔ mo anyi." data/train/1SA/1SA_012_Verse_024.mp3,"Yehowa ɖo Yerubaal, Barak, Yefta kple Samuel ɖa eye wòɖe mi tso miaƒe futɔwo ƒe asime eye mienɔ anyi le ŋutifafa me." data/train/1SA/1SA_004_Verse_003.mp3,"Ame dɔdɔ la ɖo eŋu be, “Woɖu Israelviwo dzi eye wowu Israelvi geɖewo, wowu viwò eveawo, Hofni kple Finehas hã eye woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la hã.”" data/train/1SA/1SA_011_Verse_013.mp3,"Saul ɖo du ɖe Yabes Gileadtɔwo be, “Míaɖe mi tso miaƒe futɔwo si me hafi etsɔ ɣetrɔ naɖo!” Dua me tɔwo tso aseye esi wose nya sia." data/train/1SA/1SA_028_Verse_010.mp3,eye wòtsɔ nuɖuɖu la vɛ na fia la kple eŋumewo woɖu eye wodzo le zã la me. data/train/1SA/1SA_012_Verse_010.mp3,"Ke ne miatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe sewo ŋu eye miagbe toɖoɖoe la, ekema eƒe asi asẽ ɖe mia dzi abe ale si wòsẽ ɖe mia tɔgbuiwo dzi ene." data/train/1SA/1SA_017_Verse_011.mp3,"David do gawu la, ɖɔ akɔblikuku la eye wòta yi ɖe gawu la dzi. Eɖe afɔ ɖeka, eve be yeate zɔzɔ le awuawo me kpɔ elabena medo wo kpɔ o. Egblɔ na Saul be, “Nyemate ŋu ayi kple nu siawo o elabena wo dodo memam o.” Ale David ɖe nuawo da ɖi eye wòdze mɔ." data/train/1SA/1SA_018_Verse_024.mp3,"Saul gblɔ le eɖokui me be, “Matɔ akplɔe, amimii ɖe gli ŋu.” Eda akplɔ lae zi eve ke David ƒo asa nɛ zi eveawo katã." data/train/1SA/1SA_030_Verse_022.mp3,"Míede ɖaha Keretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda ƒe anyigba kple Kaleb nyigba ƒe dziehe, míetɔ dzo Ziklag du la eye míetrɔ va yina.”" data/train/1SA/1SA_020_Verse_007.mp3,"Egblɔ na ŋutsuvi la be, “Dze duƒuƒu gɔme ale be nàte ŋu akpɔ aŋutrɔawo ne meda wo.” Ale ŋutsuvia ƒu du eye Yonatan da aŋutrɔ ɖeka wòdze le eŋu." data/train/1SA/1SA_029_Verse_001.mp3,Ale David kple eƒe amewo fɔ ŋdi kanya be yewoatrɔ ayi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi eye Filistitɔwo hã dzo yi Yezreel. data/train/1SA/1SA_011_Verse_005.mp3,"Ke Saul gblɔ be, “Womawu ame aɖeke egbe o elabena Yehowa ɖe Israel egbe!”" data/train/1SA/1SA_031_Verse_001.mp3,Aʋa la nu sẽ ŋutɔ na Saul eye esi aŋutrɔdalawo tui la wode abi eŋu vevie. data/train/1SA/1SA_002_Verse_006.mp3,"“ ‘Azɔ nu si ava dzɔ ɖe viwò ŋutsu eveawo, siwo nye Hofni kple Finehas dzi anye dzesi na wò; wo ame evea katã woaku le ŋkeke ɖeka dzi." data/train/1SA/1SA_002_Verse_021.mp3,Maɖo nunɔla nuteƒewɔla na ɖokuinye ame si awɔ ɖe nu si meɖo ɖe nye dzi me kple ta me la dzi. Mali ke eƒe aƒe la sesĩe eye wòasubɔ le nye amesiamina la ƒe ŋkume ɖaa. data/train/1SA/1SA_012_Verse_000.mp3,Ale Samuel yɔ Yehowa eye wòɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa gbe ma gbe. Ameawo vɔ̃ Yehowa kple Samuel ŋutɔŋutɔ. data/train/1SA/1SA_008_Verse_001.mp3,Ale Samuel gblɔ nya siwo katã Yehowa gblɔ la na ame siwo le ebiam be wòana fia yewo. data/train/1SA/1SA_017_Verse_030.mp3,"Esi wònɔ nu ƒom kple nɔviawo la, Goliat, Filistitɔwo ƒe aʋakalẽ si tso Gat la do go ɖe ŋgɔgbe le eƒe aʋakɔwo ŋgɔ eye wòdo ɣli gblɔ alɔmeɖenya ma ke. David see." data/train/1SA/1SA_005_Verse_007.mp3,"Le esia ta, va se ɖe egbe la, Dagon nunɔlawo kple esubɔlawo megaɖoa afɔ Dagon ƒe kpui nu le Asdod o." data/train/1SA/1SA_025_Verse_042.mp3,Ɖe matsɔ nye abolo kple nye tsi kple lã si mewu na nye fukolawo la ana ameha aɖe si tso afi si nyemenya oa?” data/train/1SA/1SA_011_Verse_003.mp3,"Esi dɔla aɖe va Gibea, Saul ƒe du me eye wògblɔ Yabestɔwo ƒe xaxa la ŋu nya na wo la, ame sia ame de asi avifafa me." data/train/1SA/1SA_001_Verse_024.mp3,"Ne ɣeyiɣi de be Elkana nasa vɔ la, aka vɔsalã la ƒe ɖe na srɔ̃a Penina kple via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo katã." data/train/1SA/1SA_002_Verse_023.mp3,"Mia dometɔ ɖe sia ɖe si nyemeɖe ɖa le nye vɔsamlekpui ŋgɔ o la atsi agbe, gake woana aɖatsi natsyɔ wò ŋkuwo dzi eye woahe dzigbagbã vɛ na wò. Ale wò dzidzimeviwo katã aku le woƒe ɖekakpui dzodzoe me." data/train/1SA/1SA_028_Verse_020.mp3,"Saul bia be, “Aleke eƒe dzedzeme le?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ame si gbɔna la nye amegãɖeɖi si do awu ʋlaya.” Tete Saul dze sii be Samuel ye eye wodze klo tsyɔ mo anyi." data/train/1SA/1SA_014_Verse_027.mp3,"Le esia megbe la, Saul gblɔ be, “Mina míanya Filistitɔwo to zã blibo la me eye míawu ame siwo susɔ la dometɔ ɖe sia ɖe.” Ameawo lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo; wɔ nu sia nu si dze ŋuwò.” Ke nunɔla la gblɔ be, “Mina míabia Mawu gbã.”" data/train/1SA/1SA_001_Verse_002.mp3,"Eli gblɔ be, “Heyi le ŋutifafa me eye Israel ƒe Mawu la nana nu si nèbiae la wò!”" data/train/1SA/1SA_030_Verse_006.mp3,"David gblɔ na nunɔla Abiata, Ahimelek ƒe vi be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye Abiata wɔ ɖe edzi." data/train/1SA/1SA_016_Verse_002.mp3,"Ale Yese dɔ woɖakplɔe vɛ. Enye ɖekakpui, le kpokploe eye wòdze ɖeka. Tete Yehowa gblɔ na Samuel be, “Tsi tre, nàsi ami nɛ elabena eyae nye amea.”" data/train/1SA/1SA_005_Verse_009.mp3,"Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la me tɔwo dzi, ehe gbegblẽ va wo dzii eye wòna ƒoƒoe vɔ̃ te wo." data/train/1SA/1SA_009_Verse_019.mp3,Saul nye Kis ƒe viŋutsu eye wònye ɖekakpui dzeɖekɛtɔ le Israel. Ekɔ wu ame sia ame le anyigba la dzi ale be ame kɔkɔtɔ siwo kplɔe ɖo la se abɔta ko nɛ. data/train/1SA/1SA_010_Verse_026.mp3,"Ŋutsu aɖe si nɔ ameawo dome la ɖo eŋu be, “Eye ame kae nye wo fofo?” Ale nya sia zu lodonya be, “Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?”" data/train/1SA/1SA_015_Verse_017.mp3,"Nu sia na Yehowa gblɔ na Samuel be," data/train/1SA/1SA_027_Verse_004.mp3,"David kple eƒe amewo nɔ Gat le fia Akis gbɔ. Ame sia ame kplɔ eƒe aƒemetɔwo ɖe asi eye David hã kplɔ srɔ̃a eveawo: Ahinoam tso Yezreel kple Abigail tso Karmel, ame si nye Nabal ƒe ahosi la ɖe asi." data/train/1SA/1SA_011_Verse_011.mp3,Saul va do ŋdi kanya kple eƒe aʋakɔ si wòma ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me. Edze Amonitɔwo dzi kpata eye wòwu wo tso ŋdi ma va se ɖe ŋdɔ. Ame siwo tsi agbe la kaka ale gbegbe be wo dometɔ eve aɖeke menɔ teƒe ɖeka o. data/train/1SA/1SA_008_Verse_016.mp3,"Tso esime mekplɔ wo dzoe le Egipte la, wogbea nu le gbɔnye enuenu eye wodzea mawu bubuwo yome. Azɔ la, wole nu ma ke wɔm ɖe ŋuwò." data/train/1SA/1SA_017_Verse_006.mp3,"Azɔ la, Israelviwo nɔ gbɔgblɔm be, “Miekpɔ ale si ŋutsu sia le dodom ɖe ŋgɔ edziedzia? Edona be yeaɖe alɔme le Israel ŋu. Fia la ana kesinɔnu gã aɖe ame si awui, woatsɔ via nyɔnuvi hã nɛ wòaɖe eye woana be fofoa ƒe ƒometɔwo magaxe duga le Israel o.”" data/train/1SA/1SA_014_Verse_016.mp3,"Gbe ma gbe fiẽ la, wowu alẽ, nyi kple nyivi siwo woha le aʋa la me eye woɖu woƒe lã kple ʋua katã nenema." data/train/1SA/1SA_021_Verse_015.mp3,Tsukunɔ ƒe koe si le wɔyem tae miekplɔ ame sia vɛ be woava anɔ nu siawo ƒomevi wɔm le nye ŋkutaa? Ɖe wòdze be miakplɔ ame sia ƒomevi va nye aƒe mea?” data/train/1SA/1SA_027_Verse_011.mp3,"Womenana ame aɖeke tsia agbe le du siwo dzi wodzena la me o. Wohaa woƒe alẽwo, nyiwo, tedziwo, kposɔwo kple nudodowo hafi trɔ va Akis." data/train/1SA/1SA_029_Verse_007.mp3,"Filistitɔwo ƒe aʋakplɔlawo bia be, “Nu ka wɔm Israelviwo le le afi sia?” Fia Akis gblɔ na wo be, “Ame siae nye David, Israel fia Saul ƒe subɔla ame si si le egbɔ. Ƒe aɖewo nye esi wòle gbɔnye eye nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu kpɔ tso esime wòva gbɔnye o.”" data/train/1SA/1SA_005_Verse_006.mp3,"Ke esi wotsɔe yi afi mae ko la Yehowa ƒe asi va Gat du la dzi, eye ŋɔdzi kple dzodzonyanya lé ameawo. Eƒo dua me nɔlawo, ɖeviawo kple tsitsiawo siaa kple ƒoƒoe." data/train/1SA/1SA_021_Verse_010.mp3,"Ke David ƒe afi ma nɔnɔ medzɔ dzi na Akis ƒe aʋakplɔlawo o. Wobia be, “Menye eyae nye Israel ƒe kplɔla gã la oa? Menye eya ŋue ameawo dea bubui le woƒe ɣeɖuƒewo henɔa ha dzim bena, “ ‘Saul wu akpe eye David wu akpewo’ oa?”" data/train/1SA/1SA_020_Verse_011.mp3,"Esi ŋu ke la, Yonatan yi gbedzi abe ale si eya kple David ɖoe da ɖi ene. Ekplɔ ŋutsuvi sue aɖe ɖe asi be wòafɔ eƒe aŋutrɔwo nɛ." data/train/1SA/1SA_016_Verse_014.mp3,"Saul ƒe subɔlawo gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ le fu ɖem na wò." data/train/1SA/1SA_010_Verse_001.mp3,"Ale wogabia Yehowa be, “Amea le mía dome fifia?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, eɣla eɖokui ɖe agbawo dome.”" data/train/1SA/1SA_020_Verse_024.mp3,"Ne fofowò mekpɔm o eye wòbia tanye la, gblɔ nɛ be, ‘David bia mɔm vevie be yeayi ɖe yewo de, Betlehem elabena woawɔ ƒe sia ƒe ƒe vɔsa na eƒe ƒome blibo la.’" data/train/1SA/1SA_028_Verse_012.mp3,"Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sunem, ke Saul ƒo Israel blibo la nu ƒu eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilead." data/train/1SA/1SA_003_Verse_007.mp3,"Ke Eli yɔe be, “Vinye Samuel.” Samuel ɖo eŋu be, “Nyee nye esi.”" data/train/1SA/1SA_014_Verse_033.mp3,"Nunɔla Ahiya si do akɔtawui hã nɔ ameawo dome. Ahiya nye Ahitub, Ikabod nɔvi ƒe vi, eganye Finehas ƒe tɔgbuiyɔvi eye Finehas fofoe nye Eli, Yehowa ƒe nunɔla le Silo. Ke ame aɖeke menya be Yonatan yi o." data/train/1SA/1SA_026_Verse_004.mp3,"Azɔ la, David do ɣli ɖo ɖe Saul kple Abner be, “Abner, nyɔ!” Abner bia be, “Wò ame kae le ɣli dom nenema hele fia la nyɔm tso alɔ̃ me?”" data/train/1SA/1SA_031_Verse_000.mp3,"Ale Saul, eƒe akpoxɔnutsɔla, Via ŋutsu etɔ̃awo kple eƒe aʋawɔlawo ku le ŋkeke ɖeka ma dzi." data/train/1SA/1SA_024_Verse_018.mp3,"Saul yi ɖe agado aɖe le afi si mɔ la to alẽkpo aɖewo dome le la me be yeade afɔdzi, sigbeɖe, David kple eƒe aʋawɔlawo be ɖe agado ma ke me!" data/train/1SA/1SA_017_Verse_029.mp3,"Esi Saul kpɔ David wòyina aʋa wɔ ge kple Goliat la, ebia Abner, eƒe aʋafia be, “Abner, ame kae nye ɖekakpui sia fofo?” Abner ɖo eŋu be, “O fia, meta wò agbe. Nyemenya o.”" data/train/1SA/1SA_014_Verse_050.mp3,"Yonatan gblɔ be, “Se sesẽ kae nye esi fofonye de na ameawo? Se sia agblẽ nu le mía ŋu boŋ. Mikpɔ ale si ŋusẽ ɖo menye esi meno anyitsi sue sia ɖa!" data/train/1SA/1SA_025_Verse_028.mp3,"Lãnyiƒe nɔ kesinɔtɔ aɖe si tso Maon la si le afi ma te ɖe Karmel ŋu. Alẽ akpe etɔ̃ (3,000) kple gbɔ̃ akpe ɖeka nɔ esi. Kesinɔtɔ sia va eƒe lãnyiƒe le ɣeyiɣi sia me hena fukoko na eƒe alẽwo." data/train/1SA/1SA_016_Verse_011.mp3,"Samuel wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo sia dzi. Esi wòɖo Betlehem la, dua ƒe ametsitsiwo va kpee kple dzodzo nyanyanya hebiae be, “Ŋutifafa dzie nèva ɖoa?”" data/train/1SA/1SA_013_Verse_001.mp3,"Ale wògblɔ be, “Mitsɔ numevɔsa kple akpedavɔsa vɛ nam.” Ale Saul sa numevɔ la." data/train/1SA/1SA_014_Verse_018.mp3,"Hafi Yonatan naɖo Filistitɔwo ƒe dzɔlawo gbɔ la, ele nɛ be wòato mɔ xaxɛ aɖe si to agakpe eve dome la dzi. Woyɔa agakpe ɖeka be Bozez eye woyɔa evelia be Sene." data/train/1SA/1SA_012_Verse_015.mp3,Mixɔ Yehowa dzi se eye miasubɔe le nyateƒe me. Mibu nu gã siwo katã wòwɔ na mi kpɔ la ŋu. data/train/1SA/1SA_003_Verse_001.mp3,"Efɔ eye wòƒu du yi Eli gbɔ hegblɔ be, “Nyee nye esi, nu ka mawɔ na wò?” Eli gblɔ nɛ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi ɖamlɔ anyi.” Ale wòtrɔ yi ɖamlɔ anyi." data/train/1SA/1SA_008_Verse_006.mp3,"Axɔ miaƒe dɔlaŋutsuwo, dɔlanyɔnuwo kple nyi damiwo le miaƒe nyiha me kple miaƒe tedziwo na eya ŋutɔ ɖokui." data/train/1SA/1SA_021_Verse_001.mp3,Ale wòwɔ eɖokui abe tsukunɔ ene! Ete fli ɖe ʋɔtruwo ŋu eye wòna ade do tso eƒe nu me hetsyɔ ɖe eƒe ge me. data/train/1SA/1SA_003_Verse_005.mp3,Eya ta meka atam be vɔsawo kple nunanawo mate ŋu ana woatsɔ Eli kple viawo ƒe nu vɔ̃wo ake akpɔ o.” data/train/1SA/1SA_017_Verse_003.mp3,Ale Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe aʋawɔwu si ŋu akpoxɔnuwo le la do nɛ eye wòtsɔ kuku si wowɔ kple akɔbli la ɖɔ ɖe ta nɛ. data/train/1SA/1SA_025_Verse_005.mp3,David xɔ Abigail ƒe nunana la eye wògblɔ nɛ be wòatrɔ ayi aƒe eye megavɔ̃ o elabena yemawu srɔ̃a o. data/train/1SA/1SA_003_Verse_015.mp3,"Yehowa gayɔe ake be, “Samuel! Samuel!” Samuel gafɔ eye wògaƒu du yi Eli gbɔ. Egagblɔ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?” Eli gblɔ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi nàmlɔ anyi.”" data/train/1SA/1SA_011_Verse_008.mp3,"Nahas ɖo eŋu be, “Ekema mawɔ nu ɖeka; maho mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ɖusimeŋku abe gbɔ̃ɖiɖi Israel dukɔ blibo la ene!”" data/train/1SA/1SA_031_Verse_010.mp3,"Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.” Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu." data/train/1SA/1SA_022_Verse_018.mp3,Menye esiae nye zi gbãtɔ si mebia nya Mawu tso eŋu o! Menyo be nàtsɔ nya ɖe nye kple nye ƒometɔwo ŋu alea o elabena míenya naneke tso nya sia si nètsɔ ɖe mía ŋu la ŋu o.” data/train/1SA/1SA_018_Verse_030.mp3,"Ɣe sia ɣi si Filistitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu la, David ƒe aʋakɔwo ɖua Filistitɔwo dzi wu Saul ƒe aʋakplɔla mamlɛawo tɔwo. Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo le anyigba blibo la dzi." data/train/1SA/1SA_010_Verse_007.mp3,"Esi Saul kple subɔla la ɖo Gibea la, wodo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha wogbɔna go do ge wo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ dze Saul dzi kple ŋusẽ eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me kpli wo." data/train/1SA/1SA_023_Verse_001.mp3,"Ale David kple eƒe amewo, abe ame alafa ade ene dzo le Keila eye wonɔ tsatsam le gbedzi. Saul se enumake be David si le Keila eya ta megayi afi ma kura o." data/train/1SA/1SA_026_Verse_000.mp3,"Abisai do dalĩ na David be, “Mawu tsɔ wò futɔ de asi na wò egbe, ɖe mɔ nam matsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ atu edzi eye mamimii ɖe anyigba. Mahiã be magatui edzi zi evelia kura o!”" data/train/1SA/1SA_001_Verse_027.mp3,"Srɔ̃a Elkana bianɛ be, “Hana, nya kae na nèle avi fam? Nu ka ŋuti nègbe nuɖuɖu? Nu ka ŋuti nèle nu xam ale? Ɖe nyamewu viŋutsu ewo na wò oa?”" data/train/1SA/1SA_028_Verse_014.mp3,"Ke Saul be, “Nyemaɖu o.” Eŋumewo ɖe kuku nɛ kpe ɖe ŋɔliyɔla la ŋu va se ɖe esime wòlɔ̃. Efɔ azɔ eye wònɔ abati dzi." data/train/1SA/1SA_023_Verse_018.mp3,Ke David se nu tso Saul ƒe ɖoɖowo ŋu eye wògblɔ na nunɔla Abiata be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye wòabia nu si yewoawɔ la tso Yehowa gbɔ. data/train/1SA/1SA_022_Verse_022.mp3,"Saul gblɔ na Abimelek be, “Ɖo tom, wò Ahitub viŋutsu!” Abimelek ɖo eŋu be, “Mele to ɖom nye aƒetɔ.”" data/train/1SA/1SA_008_Verse_007.mp3,Axɔ miaƒe lãhawo ƒe ewolia eye miawo ŋutɔ miazu eƒe kluviwo. data/train/1SA/1SA_017_Verse_012.mp3,"David do ɣli gblɔ na Filistitɔ la be, “Wò la, ègbɔna gbɔnye kple yi, akplɔ nuevee kple akplɔ nuɖekɛ, gake nye la, megbɔna gbɔwò le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Aʋakɔwo ƒe Mawu la ame si ŋu nèɖe alɔme le la ƒe ŋkɔ me." data/train/1SA/1SA_006_Verse_001.mp3,"Ale woɖo du ɖe Kiriat Yearimtɔwo kple kukuɖeɖe be, “Filistitɔwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la vɛ eya ta miva ne miakɔe yi mia gbɔe.”" data/train/1SA/1SA_025_Verse_009.mp3,"Edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, na be vodada sia nanɔ nye ko dzi. Meɖe kuku, na wò dɔla naƒo nu kpli wò eye nàɖo to nya si le wò dɔla si." data/train/1SA/1SA_023_Verse_022.mp3,Miyi ne miaka ɖe afi si wòle kple ame siwo kpɔe le afi ma la dzi elabena menya be ayetɔ gã aɖee wònye. data/train/1SA/1SA_002_Verse_025.mp3,"Ne ame si le vɔ la sam gblɔ be, “Àte ŋu atsɔ lã si dze ŋuwò, gake ele be woatɔ dzo lãmi la gbã abe ale si woɖoe da ɖi ene” la, subɔla la gblɔna be, “Ao, ne mèɖe asi le eŋu nam fifi laa o la, matsɔe sesẽtɔe!”" data/train/1SA/1SA_022_Verse_021.mp3,"Saul biae be, “Nu ka tae wò kple David, miebla ɖe ŋunye? Nu ka ta wò Yese vi nèna nuɖuɖui, tsɔ yi de asi nɛ eye nèbia gbe Mawu tso eŋu gblɔ nɛ? Nu ka ta nèdo ŋusẽe be wòatso ɖe ŋunye eye wòava afi sia, aho aʋa ɖe ŋunye?”" data/train/1SA/1SA_020_Verse_042.mp3,"Ɖo ŋku edzi be ele be nàɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyo afia menye nye ɖeka ko le nye agbenɔɣi me o," data/train/1SA/1SA_006_Verse_015.mp3,Nu ka ŋuti miesẽ miaƒe dzi me abe ale si Egiptetɔwo kple Farao wɔ ene? Esi wòwɔ fu wo la ɖe womeɖo Israelviwo ɖa be woadzo oa? data/train/1SA/1SA_008_Verse_019.mp3,"Wogblɔ nɛ be, “Azɔ la ètsi eye viwò ŋutsuwo meto wò afɔtoƒe o, eya ta tia fia na mí be wòakplɔ mí abe ale si wòle le dukɔ bubuwo dome ene.”" data/train/1SA/1SA_007_Verse_008.mp3,Israel ŋutsuwo do go tso Mizpa heti Filistitɔwo yome kple du eye wonɔ wo wum le mɔ dzi va se ɖe Bet Kar ƒe anyigbe ke. data/train/1SA/1SA_023_Verse_027.mp3,"Woyi Keila eye wowu Filistitɔ geɖewo, woxɔ woƒe lãwo eye ale woɖe Keilatɔwo." data/train/1SA/1SA_017_Verse_002.mp3,Ale Filistitɔwo kple Israelviwo nɔ to eve dzi dze ŋgɔ wo nɔewo eye balime la tso wo dome. data/train/1SA/1SA_026_Verse_008.mp3,"David gblɔ na Saul be, “Amegã, wò akplɔe nye esi, na wò ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka nava afi sia ava xɔe." data/train/1SA/1SA_015_Verse_031.mp3,Saul si Amalekitɔwo tso Havila yi keke Sur le Egipte ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. data/train/1SA/1SA_009_Verse_023.mp3,"Subɔla la gblɔ be, “Klosaloga si ƒe kpekpeme nye gram etɔ̃ la le asinye. Míatsɔe na Mawu ƒe ame la, ale be wòagblɔ mɔ si míato la na mí.”" data/train/1SA/1SA_023_Verse_021.mp3,"Mikpɔ afi si tututu wòbe ɖo eye miatrɔ ava gblɔe nam. Ekema mayi kpli mi eye ne anya nɔ afi ma lɔƒo ko la, ne wòahiã be madii le nuto me blibo la hã la, madii eye makpɔe kokoko!”" data/train/1SA/1SA_019_Verse_008.mp3,"eɖo asrafowo ɖa be woalée vɛ. Ke esi woɖo afi ma eye wokpɔ Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo nɔ nya gblɔm ɖi la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ va wo dzi eye woawo hã de asi nyagbɔgblɔɖi me." data/train/1SA/1SA_010_Verse_019.mp3,"Samuel yɔ Benyamin ƒe to la ƒe ƒomewo va Yehowa ŋkume eye nudzidze la dze Matri ƒe ƒome la dzi. Mlɔeba la, nudzidze la dze Saul, Kis ƒe vi la dzi. Ke esi wotsa ŋku la, wokpɔ be Saul bu le ameawo dome." data/train/1SA/1SA_012_Verse_007.mp3,"Fia si mietia lae nye esi, milé ŋku ɖe eŋu nyuie. Miawoe bia eye Mawu tsɔe na mi." data/train/1SA/1SA_016_Verse_003.mp3,Ekema kpe Yese va vɔ la saƒe eye mafia nu si nàwɔ la wò. Àsi ami na ame si dzi matɔ asi la na wò.” data/train/1SA/1SA_012_Verse_004.mp3,“Azɔ minɔ klalo miakpɔ Yehowa ƒe nukunuwɔwɔ ɖa. data/train/1SA/1SA_014_Verse_024.mp3,"Ke ne wogblɔ be, ‘Milia toa miava wɔ aʋa kpli mí’ la, ekema míawɔ nenema tutututu elabena eyae anye dzesi be Yehowa tsɔ wo de asi na mí.”" data/train/1SA/1SA_019_Verse_010.mp3,"Ke esi wòyina Nayɔt la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va eya hã dzi eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me!" data/train/1SA/1SA_009_Verse_020.mp3,"Saul te ɖe Samuel ŋu eye wòbiae be, “Meɖe kuku, nukpɔla ƒe aƒe me ɖe?”" data/train/1SA/1SA_020_Verse_032.mp3,"Yonatan gblɔ be, “Dzinu yeye adze egɔme etsɔ. Ne mèva nuɖukplɔ̃a ŋu etsɔ o la, amewo abia tawò vevie." data/train/1SA/1SA_024_Verse_002.mp3,Azɔ la medze sii be èle fia ɖu ge kokoko eye Israel fiaɖuƒe la ali ke ɖe asiwò me. data/train/1SA/1SA_018_Verse_018.mp3,"Nya sia trɔ na David eya ta hafi ŋkekea naɖo na srɔ̃ɖeɖea la," data/train/1SA/1SA_017_Verse_021.mp3,Edo akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli la ɖe afɔ eye wòlé akɔbli ƒe akplɔ didi aɖe ɖe abɔta. data/train/1SA/1SA_025_Verse_010.mp3,"Edzra ɖo kaba, kplɔ nyɔnudɔla atɔ̃ ɖe asi, lia eƒe tedzi dzi eye wòdze dɔlawo yome yi David gbɔ. Ale Abigail zu David srɔ̃." data/train/1SA/1SA_017_Verse_014.mp3,"David fɔ ŋdi kanya, tsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔvi ɖeka. Edo agba eye wòdze mɔ abe ale si Yese ɖo nɛ ene. Eɖo asaɖa la me esi asrafoawo bɔ asaɖa le aʋaɣli dom yina ɖe woƒe nɔƒewo." data/train/1SA/1SA_028_Verse_005.mp3,"Ebia nu si wòawɔ la Yehowa, ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu nɛ to drɔ̃ekuku me, alo to Urim dzi loo alo to nyagblɔɖilawo dzi o." data/train/1SA/1SA_012_Verse_002.mp3,"Ameawo ɖo eŋu be, “Mèba mí alo te mí ɖe anyi kpɔ le mɔ aɖeke nu o eye mèxɔ zãnu zi ɖeka pɛ gɔ̃ hã kpɔ o.”" data/train/1SA/1SA_010_Verse_016.mp3,"“Le esia megbe la, àva ɖo Mawu ƒe Gibea, afi si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le. Ne èɖo ta dua me la, àdo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha siwo ɖiɖi tso kɔkɔƒe la gbɔna eye kasaŋkuwo, asiʋuiwo, kpẽwo kple gakasaŋkuwo anɔ ɖiɖim le wo ŋgɔ eye wole nya gblɔm ɖi." data/train/1SA/1SA_025_Verse_031.mp3,“Mawu nana wò kple wò ƒometɔwo miakpɔ dzidzedze eye nu sia nu si nye mia tɔ la nadzi ɖe edzi na mi. data/train/1SA/1SA_017_Verse_041.mp3,Israelviwo kple Filistitɔwo nɔ woƒe aʋalɔgowo me hedze ŋgɔ wo nɔewo. data/train/1SA/1SA_018_Verse_008.mp3,"Esi Saul ŋumewo gblɔ nya si David gblɔ la," data/train/1SA/1SA_020_Verse_012.mp3,"Esi ŋutsuvi la dzo teti ko la, David do go tso afi si wòbe ɖo le gbegbe la ƒe dziehe lɔƒo. Ebɔbɔ de ta agu na Yonatan zi etɔ̃. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo eye wofa avi, ke David fa avi wu Yonatan." data/train/1SA/1SA_024_Verse_022.mp3,"Yehowa ŋutɔ nanye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la eye wòadrɔ̃ nya le mía dome. Yehowa nebu nye nya ŋu eye wòaʋli tanye, neɖem tso asiwò me, esia anye afiatsotso nam.”" data/train/1SA/1SA_001_Verse_016.mp3,"Hana gblɔ be, “Na wò dɔla nakpɔ amenuveve le gbɔwò.” Ale wòlé eƒe mɔ tsɔ eye wòdi nane ɖu, ale be megato mo azɔ o." data/train/1SA/1SA_021_Verse_002.mp3,"David bia Ahimelek ne akplɔ alo yi aɖe le esi si ŋu dɔ yeate ŋu awɔ. Eɖe eme nɛ be, “Ele be matsɔ dzo ɖe fia ƒe dɔ la ŋu eye mawɔe kaba ale gbegbe be nyemete ŋu tsɔ aʋawɔnu aɖeke ɖe asi o!”" data/train/1SA/1SA_022_Verse_001.mp3,"Ahimelek ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖe ame ɖeka aɖe le wò subɔlawo katã dome si nye nuteƒewɔla na wò abe wò toyɔvi, David enea? Eyae nye ŋuwòmewo ƒe amegã eye wòganye wò aƒemetɔ si amewo buna la." data/train/1SA/1SA_003_Verse_009.mp3,Metsɔ tohehe do ŋgɔ na Eli kple eƒe ƒome blibo la elabena viawo le busunuwo wɔm ɖe Mawu ŋu eye Eli megbe na wo o. data/train/1SA/1SA_022_Verse_014.mp3,"Fia Saul do ɣli be, “Wò, Ahimelek kple wò ƒometɔwo katã miaku!”" data/train/1SA/1SA_023_Verse_011.mp3,"Eteƒe medidi hafi Saul se be David nɔ Keila o. Saul do ɣli be, “Ahã! Enyo! Míaƒe asi su edzi azɔ, Mawu tsɔe de asi nam elabena eya ŋutɔe yi ɖatu eɖokui ɖe du si woɖo gli ƒo xlãe la me!”" data/train/1SA/1SA_030_Verse_018.mp3,"Ke David gblɔ be, “Ao, nɔvinyewo, manyo nenema o! Yehowa na míele dedie eye míeɖu míaƒe futɔwo dzi." data/train/1SA/1SA_022_Verse_004.mp3,Ale wonɔ Moab nyigba dzi le David ƒe agado la me nɔɣi la katã. data/train/1SA/1SA_018_Verse_014.mp3,"Ke David ɖo eŋu be, “Aleke ame dahe abe nye ene, ame si tso ƒome gblɔe aɖe ko me la ate ŋu akpɔ srɔ̃ɖenuwo ana ɖe fiavinyɔnu ta?”" data/train/1SA/1SA_008_Verse_008.mp3,"Azɔ la, ɖo to wo, gake xlɔ̃ nu wo vevie eye nàna woanya nu si fia si ava ɖu wo dzi la awɔ.”" data/train/1SA/1SA_022_Verse_009.mp3,"Esi wòva ɖo afi ma tetee ko la, Saul se be eva ɖo Yudanyigba dzi elabena Saul nɔ Gibea ɣe ma ɣi. Enɔ anyi ɖe oɖumti aɖe te nɔ fefem kple eƒe yi eye eƒe aʋafiawo ƒo xlãe." data/train/1SA/1SA_025_Verse_020.mp3,"Esi dɔlawo va ɖo Karmel eye wogblɔ nu si ta wova na Abigail la," data/train/1SA/1SA_018_Verse_022.mp3,"Saul do dɔmedzoe vevie elabena hagbe la mevivi enu o. Egblɔ le eɖokui me be, “Wotsɔ akpe ewowo na David, ke nye ya akpewo koe wotsɔ nam. Nu kae gasusɔ nɛ wòaxɔ wu fiaɖuƒe la?”" data/train/1SA/1SA_021_Verse_011.mp3,"Nunɔla la ɖo eŋu be, “Abolo dzodzro ya ƒe ɖeke meli o; abolo kɔkɔe koe li. Mexɔe se be miate ŋu aɖui ne wò ɖekakpuiwo medɔ kple nyɔnuwo le ŋkeke siawo me o ko.”" data/train/1SA/1SA_023_Verse_009.mp3,"David gblɔ be, “Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, mese be Saul gbɔna be yeatsrɔ̃ Keila elabena mele afi sia." data/train/1SA/1SA_028_Verse_008.mp3,"Esi ŋɔliyɔla la kpɔ ale si vɔvɔ̃ ɖoe la egblɔ be, “Amegã, metsɔ nye agbe ke eye mewɔ wò ɖoɖo dzi." data/train/1SA/1SA_016_Verse_022.mp3,Yese na Via ŋutsuvi adreawo to Samuel ŋkume yi gake Samuel gblɔ be; “Yehowa metia wo dometɔ aɖeke o.” data/train/1SA/1SA_025_Verse_006.mp3,David ŋutɔ tsɔ eƒe yi eye wòɖe gbe na eƒe amewo hã be woatsɔ woƒe yiwo. Ame alafa ene (400) dze mɔ kple David eye ame alafa eve (200) tsi anyi henɔ woƒe nuwo ŋu dzɔm. data/train/1SA/1SA_026_Verse_016.mp3,"Gbe ɖeka la, Yehowa ŋutɔ ana wòaku kokoko, aku le aʋa me loo alo tsitsi ana wòaku." data/train/1SA/1SA_017_Verse_031.mp3,Eyi edzi gblɔ be. “Te va afi sia eye matsɔ wò lã ana dziƒoxeviwo kple gbemelãwo!” data/train/1SA/1SA_002_Verse_015.mp3,Eyae ɖea ame dahe tso ke me eye wòfɔa hiãtɔ tso afi me enaa zikpui wo ɖe dziɖulawo xa eye wònaa wonyia dome kple bubu ƒe fiazikpui. “Elabena Yehowa tɔe nye anyigba ƒe gɔmeɖokpe; eya dzie wòɖo xexea me gɔme anyi ɖo. data/train/1SA/1SA_023_Verse_013.mp3,Eya ta Saul na be eƒe aʋakɔ blibo la nayi Keila aɖaɖe to ɖe David kple eƒe ameawo. data/train/1SA/1SA_023_Verse_002.mp3,Ale wo ame evea gabla nu ɖe woƒe xɔlɔ̃wɔwɔ dzi. David nɔ Hores ke Yonatan trɔ yi aƒe. data/train/1SA/1SA_013_Verse_000.mp3,Ale Israel dukɔ la se nyadzɔdzɔ la be: Saul tsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe dzɔlawo eye Israel zu nuɖianu na Filistitɔwo. Ale woyɔ Israel ƒe aʋakɔ blibo la ƒo ƒu ɖe Saul ŋu le Gilgal. data/train/1SA/1SA_015_Verse_023.mp3,"Samuel gblɔ nɛ be, “Togbɔ be mèbu ɖokuiwò amegãe o hã la, Mawu ɖo wò fiae ɖe Israel dzi." data/train/1SA/1SA_017_Verse_050.mp3,Tete Israel kple Yuda ŋutsuwo lũ ɖe eme kple ɣli eye woti Filistitɔwo yome va se ɖe Gat kple Ekron ƒe agbowo nu. Filistitɔwo ƒe kukuawo kaka ɖe Saaraim kple Gat mɔ dzi va se ɖe Ekron ke. data/train/1SA/1SA_025_Verse_011.mp3,"Egblɔ na eƒe dɔlawo be, “Midze mɔ, madze mia yome” Ke megblɔ nya aɖeke na srɔ̃a, Nabal, o." data/train/1SA/1SA_002_Verse_007.mp3,Dadaa tɔa awu ʋlaya sue aɖe nɛ ƒe sia ƒe ne eya kple srɔ̃a gbɔna vɔsaƒe. data/train/1SA/1SA_011_Verse_007.mp3,Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Saul dzi enumake eye wòdo dɔmedzoe vevie. data/train/1SA/1SA_015_Verse_034.mp3,Se si wòde na wò lae nye: ‘Meɖo ta me be mabia hlɔ̃ Amalekitɔwo le ale si womeɖe mɔ na nye dukɔ be wòato woƒe anyigba dzi esime Israelviwo tso Egipte o la ta. data/train/1SA/1SA_009_Verse_006.mp3,"Esi wonɔ togbɛ aɖe liam ɖo ta dua me la, wodo go ɖetugbi aɖewo woyina tsi du ge. Wobia ɖetugbiawo be wonya ne nyagblɔɖila la le dua me hã." data/train/1SA/1SA_004_Verse_004.mp3,Ame kae ate ŋu aɖe mí tso Mawu ŋusẽtɔ si me? Mawu siawo kee tsrɔ̃ Egiptetɔwo kple dɔ vɔ̃wo esime Israel nɔ gbedzi. data/train/1SA/1SA_028_Verse_016.mp3,"Nyivi dami aɖe nɔ nyɔnu la si, eɖe abla wui, tsɔ amɔ maʋamaʋã wɔ abolo" data/train/1SA/1SA_011_Verse_014.mp3,"Yabes ƒe ametsitsiwo ɖo eŋu be, “Na ŋkeke adre mí ne míadɔ ame aɖo ɖe Israelnyigba blibo la dzi. Ne mía nɔviwo mava kpe ɖe mía ŋu o la, ekama míalɔ̃ ɖe wò tameɖoɖo la dzi.”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_040.mp3,"Goliat tsi tsitre eye wòdo ɣli ɖo ɖe Israelviwo ƒe aʋalɔgowo be, “Nu ka ŋutie miedo go va ɖo fli hena aʋawɔwɔ? Ɖe menye Filistitɔe menye eye miawo hã míenye Saul ƒe dɔlawo oa? Mitia ŋutsu ɖeka eye miana wòava do gom le balia me" data/train/1SA/1SA_014_Verse_035.mp3,"Saul do ɣli gblɔ na Ahiya be, “Mitsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ!” nubablaɖaka la nɔ Israelviwo dome ɣe ma ɣi." data/train/1SA/1SA_012_Verse_006.mp3,"“Esime Israelviwo nɔ Egipte eye wodo ɣli ɖe kuku na Yehowa la, Yehowa ɖo Mose kple Aron ɖa be woakplɔ wo va anyigba sia dzi." data/train/1SA/1SA_015_Verse_026.mp3,"Samuel ɖo eŋu be, “Ɖe wò numevɔsawo kple vɔsawo dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Toɖoɖo nyo wu vɔsa eye nusese nyo wu agbowo ƒe ami." data/train/1SA/1SA_023_Verse_003.mp3,Ale wodo ŋgɔ na Saul yi Zif. David kple eƒe amewo nɔ Maon gbegbe si le Araba le Yesimo ƒe dziehe lɔƒo. data/train/1SA/1SA_018_Verse_021.mp3,"Saul de dzesi David ƒe dzidzedzekpɔkpɔ, nu sia na be wògavɔ̃na na David wu tsã," data/train/1SA/1SA_004_Verse_009.mp3,"Eli bia be, “Nu kae na amewo le avi fam hoo alea?” Ame dɔdɔ la te ɖe Eli ŋu enumake eye wòka nya la ta nɛ." data/train/1SA/1SA_016_Verse_009.mp3,"Míaƒe aƒetɔ neɖe gbe na eƒe dɔlawo woayi aɖadi ame aɖe si nya kasaŋkuƒoƒo nyuie la vɛ, ame si aƒo kasaŋku ne gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dziwò eye awɔe be nàkpɔ gbɔdzɔe.”" data/train/1SA/1SA_020_Verse_028.mp3,Tete Saul da akplɔ Yonatan be yeawui. Nu sia na Yonatan dze sii azɔ be menye fefenya ye fofo gblɔ be ele be David naku o. data/train/1SA/1SA_030_Verse_003.mp3,"David bia Yehowa be, “Mati wo yomea? Mate ŋu alé woa?” Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, dze wo yome; àxɔ miaƒe nu sia nu si wotsɔ dzoe la le wo si!”" data/train/1SA/1SA_016_Verse_021.mp3,"Yese meɖo David ɖa asi ƒuƒlu o, ke boŋ eɖo gbɔ̃vi ɖeka hã ɖa kpe ɖe tedzi aɖe si tsɔ nuɖuɖu kple wain hã ŋu." data/train/1SA/1SA_029_Verse_003.mp3,"Ame sia ŋue nyɔnuwo dzi ha le, le woƒe ɣeɖuɖuwo me be, “Saul wu akpe eye David wu akpewo!”" data/train/1SA/1SA_020_Verse_014.mp3,"Ke David ka atam hegblɔ be, “Fofowò nyae nyuie be nye nu doa dzidzɔ na wò eye wògblɔ na eɖokui be, ‘Mele be Yonatan nanya esia o. Ne menye nenema o la, ava xa nu.’ Meta Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ ƒe agbe be afɔɖeɖe ɖeka koe le nye kple ku dome.”" data/train/1SA/1SA_031_Verse_003.mp3,"Esi akpoxɔnutsɔla la kpɔ be Saul ku la, eya hã mu dze eƒe yi nu eye wòku kplii." data/train/1SA/1SA_025_Verse_027.mp3,"Ke Nabal bia be, “Ame kae nye David eye ame ka tututue Yese vi sia bu be yenye? Subɔla geɖewo li le ŋkeke siawo me, ame siwo si dzo le woƒe aƒetɔwo gbɔ." data/train/1SA/1SA_014_Verse_021.mp3,"Ke ame aɖe gblɔ nɛ be fofoa, Saul, ƒo fi de ame sia ame si aɖu nane gbe ma gbe la, evɔ dɔwuame na ame sia ame gbɔdzɔ hafi." data/train/1SA/1SA_026_Verse_018.mp3,Ke Yehowa melɔ̃ be mawu ame si eya ŋutɔ tia be wòanye fia o. Nu si míawɔ enye míatsɔ eƒe akplɔ kple eƒe tsinoze eye míadzo le afi sia!” data/train/1SA/1SA_026_Verse_023.mp3,Wolia to si le go kemɛ la va se ɖe esime woɖo didiƒe aɖe. data/train/1SA/1SA_010_Verse_014.mp3,"“Hafi nàdo ɖe Tabɔr ƒe logoti gbɔ la, ŋutsu etɔ̃ ava do go wò, ame siwo yina Mawu subɔ ge le Betel. Gbɔ̃vi etɔ̃ anɔ ɖeka si, abolo etɔ̃ anɔ evelia si eye wain go ɖeka anɔ etɔ̃lia si." data/train/1SA/1SA_012_Verse_003.mp3,"Azɔ la, mitsi tsitre ɖe afi sia kpoo le Yehowa ŋkume ne maɖo ŋku nu nyui siwo katã wòwɔ na mi kple mia tɔgbuiwo la dzi na mi." data/train/1SA/1SA_015_Verse_028.mp3,"Saul gaɖe kuku be, “Mewɔ nu vɔ̃ gake de bubu ŋunye le kplɔlawo kple Israel ŋkume ko eye nàkplɔm mayi aɖasubɔ Yehowa, wò Mawu la.”" data/train/1SA/1SA_025_Verse_014.mp3,"elɔ̃ ɖe eƒe biabia la dzi enumake. Tete wòtsi tre, eye wòtsyɔ mo anyi gblɔ be, “Wò dɔlanyɔnu aklɔ eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒe afɔ ŋu abe kosi ene.”" data/train/1SA/1SA_012_Verse_008.mp3,"Fifia, esi metsi tsitre ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ƒe ŋkume la, medi be mabia mi be ame ka ƒe nyitsu alo tedzi mefi kpɔ? Meba ame aɖe kpɔa? Mexɔ zãnu le ame aɖe si kpɔa? Mete ame aɖe ɖe anyi kpɔa? Migblɔe nam eye maɖo nu si mexɔ alo nu vɔ̃ si mewɔ la teƒe.”" data/train/1SA/1SA_006_Verse_006.mp3,"Esi Filistitɔwo lé ŋku ɖe nuwo ƒe yiyi ŋu sẽe la, wotrɔ yi Ekron gbe ma gbe ke." data/train/1SA/1SA_023_Verse_025.mp3,"Saul kple eƒe amewo dze wo yome eye esi wogblɔ esia na David la, eɖi abu yi agakpe la gbɔ eye wònɔ Maon gbegbe. Esi Saul se esia la, eti eyome yi Maon gbegbe la." data/train/1SA/1SA_006_Verse_002.mp3,"Ame aɖewo tso Levi ƒe to la me ɖe nubablaɖaka la kple aɖaka si me sikalegeliawo kple sikaƒoƒoeawo nɔ la le keke la dzi eye woda wo ɖe agakpe la dzi. Bet Semestɔwo sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, gbe ma gbe." data/train/1SA/1SA_001_Verse_008.mp3,"Esia yia dzi ƒe sia ƒe. Nenye be Hana yi ɖe Yehowa ƒe aƒe me la, atsusia gblɔa nya doa dziku nɛ va se ɖe esime wòwoa avi eye wògbea nuɖuɖu." data/train/1SA/1SA_004_Verse_020.mp3,"Oo, Filistitɔwo, miwɔ aʋa kple ŋusẽ abe ale si miewɔ kpɔ o ene, ne menye nenema o la, míazu woƒe kluviwo abe ale si wonye míaƒe kluviwo egbe ene.”" data/train/1SA/1SA_031_Verse_007.mp3,"Filistitɔwo ɖe Saul kple viawo ɖe nu eye wowu viawo; Yonatan, Abinadab kple Malki Sua." data/train/1SA/1SA_022_Verse_008.mp3,"Esi wòse nya sia la, egblɔ be, “Miɖo tom, mi Benyaminviwo! Ɖe David do ŋugbe na mi be yeana agbledenyigbawo kple waingblewo mi eye yeado mi ɖe ŋgɔ le aʋakɔ la mea?" data/train/1SA/1SA_020_Verse_040.mp3,"Ŋkeke ale si ɖekakpui ma le agbe la, màɖu fia gbeɖegbeɖe o. Yi, nàkplɔe vɛ ale be mate ŋu awui!”" data/train/1SA/1SA_030_Verse_023.mp3,"Naneke mebu o; woxɔ ɖevi kple tsitsi, ŋutsuvi kple nyɔnuvi kple nu sia nu si woha. Ale David xɔ nu sia nu gbɔe." data/train/1SA/1SA_013_Verse_005.mp3,"Elala ŋkeke adre abe ale si Samuel ɖoe nɛ ene, gake Samuel meva Gilgal o eye Saul ƒe asrafowo de asi kaka le eŋu me." data/train/1SA/1SA_028_Verse_002.mp3,"Azɔ la, nu si magblɔe nye be nàna mana nane wò nàɖu, ale be ŋusẽ naɖo ŋuwò hena wò mɔzɔzɔ yi wò nɔƒe.”" data/train/1SA/1SA_031_Verse_011.mp3,Wotsɔ Saul ƒe akpoxɔnu la da ɖe Astarɔt ƒe gbedoxɔ me eye wotsɔ eƒe ŋutilã ku gli aɖe ŋu le Bet Sean. data/train/1SA/1SA_009_Verse_018.mp3,Samuel kple Saul kple subɔla la yi xɔ gã la me eye wòna nɔƒe wo ɖe kplɔ̃ ta. Wode bubu wo ŋu wu ame blaetɔ̃ bubu siwo wokpe. data/train/1SA/1SA_013_Verse_013.mp3,"Gbede aɖeke menɔ Israelnyigba blibo la dzi le ŋkeke mawo me o elabena Filistitɔwo gblɔ bena, ne menye nenema o la, Hebritɔwo ava tu yiwo alo akplɔwo!" data/train/1SA/1SA_009_Verse_002.mp3,"Do ŋgɔ la, Yehowa gblɔ na Samuel be," data/train/1SA/1SA_019_Verse_024.mp3,"Ɖe nèŋlɔ ɣeyiɣi si wòtsɔ eƒe agbe ke, hewu Goliat kple ale si Yehowa to nu sia me he dziɖuɖu gã aɖe vɛ na Israel la bea? Èkpɔ dzidzɔ le nyadzɔdzɔ sia ŋu ɣe ma ɣi me, nu ka ta nàwui azɔ le esime mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o? Naneke meli si ta nàwui ɖo o.”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_010.mp3,"David biae be, “Azɔ la agɔ kae medze? Nyemekpɔ mɔ aƒo nu tete oa?”" data/train/1SA/1SA_019_Verse_019.mp3,"Saul di be yeatsɔ yeƒe akplɔ amimii ɖe gli ŋu, ke David de axa nɛ esime Saul da akplɔ la wòyi gli la me. Le zã ma me la, David si dzo." data/train/1SA/1SA_011_Verse_004.mp3,"Ewu nyitsu eve, fli woƒe lã eye wòɖo lãkɔawo ɖe Israelnyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖe gbeƒã be, “Aleae woawɔ ame sia ame si madze Saul kple Samuel yome ayi aʋa o la ƒe nyitsue nye esi!” Yehowa na ameawo vɔ̃ Saul ƒe dɔmedzoe ale wo katã ƒo ƒu va Saul gbɔ." data/train/1SA/1SA_021_Verse_013.mp3,Nuɖuɖu aɖe le asiwòa? Na abolo atɔ̃ alo nu bubu ɖe sia ɖe si nàte ŋui lam.” data/train/1SA/1SA_008_Verse_010.mp3,"Ekema míanɔ abe dukɔ bubuawo katã ene eye fia anɔ mía si, ame si akplɔ mí eye wòado anɔ ŋgɔ na mí, awɔ aʋawo na mí.”" data/train/1SA/1SA_018_Verse_023.mp3,"Saul gagblɔ le eɖokui me be, “Esia nye mɔnukpɔkpɔ bubu nam be mana Filistitɔwo nawui.” Ke egblɔ na David be, “Àte ŋu anye nye toyɔvi faa elabena matsɔ vinyenyɔnu suetɔ na wò.”" data/train/1SA/1SA_010_Verse_015.mp3,"Ke, azɔ la, miegbe nu le miaƒe Mawu si ɖe mi tso dzɔgbevɔ̃ewo kple xaxawo katã me gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖo fia na mí!’ Eya ta mido ɖe Yehowa ŋkume le miaƒe towo kple hlɔ̃wo me.”" data/train/1SA/1SA_028_Verse_001.mp3,"Ale Saul trɔ eƒe nɔnɔme hedo awu dzodzro aɖe le eƒe fiawu teƒe. Eyi ɖe ŋɔliyɔla la ƒe aƒe me le zã me kple eƒe subɔla eve. Saul gblɔ na ŋɔliyɔla la be, “Bia gbe gbɔgbɔ aɖe nam eye nàyɔ ame si ŋkɔ mayɔ na wò la nam.”" data/train/1SA/1SA_014_Verse_005.mp3,"Ale Saul gblɔ na kplɔlawo be, “Ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu, ele be míadze si nu vɔ̃ si míewɔ egbe." data/train/1SA/1SA_009_Verse_026.mp3,"Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele afi sia. Edze mia ŋgɔ. Afɔ netsɔ na mi. Eva míaƒe dua me egbea elabena dukɔ la le vɔ sa ge le to dzi egbea." data/train/1SA/1SA_014_Verse_038.mp3,"Saul gblɔ na eƒe amewo be, “Mikpɔe ɖa be ame kae mele afi sia o.” Esi woxlẽ ameawo la, wokpɔ be Yonatan kple eƒe adekplɔvi menɔ wo dome o." data/train/1SA/1SA_027_Verse_005.mp3,"David kple eƒe amewo nɔ Ziklag le Filistitɔwo dome, ƒe ɖeka kple ɣleti ene." data/train/1SA/1SA_006_Verse_005.mp3,"Enumake nyinɔawo dze mɔ tẽe ɖo ta Bet Semes henɔ xɔxlɔ̃m sesĩe le mɔa dzi, womedze ɖe ɖusime alo miame o. Filistitɔwo ƒe amegãwo dze wo yome va se ɖe Bet Semes ƒe liƒo dzi." data/train/1SA/1SA_013_Verse_012.mp3,"Filistitɔwo ƒo ƒu aʋakɔ gã aɖe si me tasiaɖam akpe etɔ̃ (3,000) kple sɔdola akpe ade (6,000) kple afɔzɔla siwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nɔ be woawɔ aʋa kple Israel. Woƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas, le Bet Aven ƒe ɣedzeƒe gome." data/train/1SA/1SA_003_Verse_002.mp3,"Eli biae be, “Nya kae Yehowa gblɔ na wò? Gblɔ nya sia nya nam; Mawu nehe to na wò vevie ne ètsɔ nya aɖe ɣlam!”" data/train/1SA/1SA_002_Verse_010.mp3,"Ekema ame sia ame si susɔ ɖe wò ƒome la me ava de ta agu ɖe eŋkume abia klosaloga ɖeka alo abolo kakɛ aɖe kple kukuɖeɖe be, “De nunɔla ƒe dɔ aɖe asi nam ale be mate ŋu akpɔ nu vi aɖe aɖu.” ’ ”" data/train/1SA/1SA_020_Verse_006.mp3,"Egblɔ be, ‘Na mayi elabena míaƒe ƒometɔwo le vɔ sa ge egbea le dua me eye nɔvinyeŋutsu aɖe ɖo du ɖem. Ne edze ŋuwò la, ekema ɖe mɔ nam mayi aɖakpɔ nɔvinyewo.’ Esia tae meva fia ƒe kplɔ̃ ŋu o.”" data/train/1SA/1SA_016_Verse_005.mp3,"Esi wova ɖo teƒea la, Samuel kpɔ Eliab eye wòsusu be, “Vavãe, Yehowa ƒe amesiamina lae nye esi le tsitre ɖe Yehowa ŋkume.”" data/train/1SA/1SA_016_Verse_006.mp3,"Eye ne Mawu ƒe gbɔgbɔ la dze Saul dzi la, David tsɔa eƒe asi ƒoa kasaŋku eye edzi kana ɖena na Saul eye gbɔgbɔ vɔ̃ la dzona le edzi." data/train/1SA/1SA_020_Verse_035.mp3,"Yonatan gblɔ na David be, “Nu sia nu si ke nedi be mawɔ na ye la, mawɔe na wò.”" data/train/1SA/1SA_014_Verse_019.mp3,"Hebritɔ siwo nɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔ me tsã la, dze aglã eye wodzo va de Israelvi siwo le Saul kple Yonatan ŋu la dzi." data/train/1SA/1SA_001_Verse_015.mp3,"Hana do gbea ɖa le eƒe dzi me, eƒe nuyiwo nɔ ʋaʋãm butubutu gake eƒe gbe meɖi wose o, eya ta Eli bu be ahae wòmu." data/train/1SA/1SA_004_Verse_007.mp3,"dzidzi ƒo wo. Wodo ɣli be, “Mawu va ɖo woƒe asaɖa me, babaa na mí elabena míedo go nu sia tɔgbi kpɔ o!" data/train/1SA/1SA_002_Verse_030.mp3,Yehowa ve Hana nu wòdzi viŋutsu etɔ̃ kple vinyɔnu eve ɖe Samuel yome. Ale Samuel tsi ɖe edzi le Yehowa ƒe ŋkume. data/train/1SA/1SA_015_Verse_005.mp3,"Elabena aglãdzedze le abe afakaka ƒe nu vɔ̃ ene eye ɖokuiŋudzedze sɔ kple trɔ̃subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ɖi nyenye. Esi nègbe Yehowa ƒe nya ta la, eya hã gbe wò; mèganye fia o.”" data/train/1SA/1SA_001_Verse_013.mp3,"Gbe ɖeka le Silo, esi woɖu nu, no nu vɔ la, Hana yi Agbadɔ la me, nunɔla Eli nɔ anyi ɖe eƒe teƒe le Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu." data/train/1SA/1SA_020_Verse_034.mp3,"Yonatan gblɔ na David be, “Medo ŋugbe na wò le Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me be etsɔ ɣe alawo ɣi alo ne edidi ƒãa la nyitsɔ la, maƒo nu kple fofonye tso ŋuwò eye mana nànya ta me si wòɖo ɖe ŋuwò la enumake." data/train/1SA/1SA_023_Verse_019.mp3,"Ke David ƒe amewo gblɔ be, “Míele vɔvɔ̃m le Yuda le afi sia xoxo, Míedi be míayi Keila aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo ƒe aʋakɔ blibo la o!”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_056.mp3,Wose nya si David gblɔ eye woyi ɖagblɔe na Saul. Tete Saul dɔ ame ɖa woɖayɔe va egbɔe. data/train/1SA/1SA_018_Verse_015.mp3,ke Israel kple Yuda blibo la lɔ̃e elabena enɔ ŋgɔ na wo le woƒe aʋawɔwɔ me. data/train/1SA/1SA_006_Verse_003.mp3,"Ameawo bia be, “Ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe Yehowa, Mawu kɔkɔe sia, ƒe ŋkume? Afi ka miatsɔ nubablaɖaka la ayi?”" data/train/1SA/1SA_014_Verse_006.mp3,"Ale wota le asi kple klo dzi yi wo gbɔ, kasia Filistitɔwo de asi sisi me esi Yonatan kple eƒe adekplɔvi la de asi wo wuwu me." data/train/1SA/1SA_002_Verse_004.mp3,"ame siwo tso ɖe Yehowa ŋu la, woakaka wo. Dziƒoʋĩtɔ la aɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo; Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu Anyigba ƒe mlɔenu ke hã. “Ana ŋusẽ eƒe fia la eye wòakɔ eƒe amesiamina la ƒe dzo ɖe dzi.”" data/train/1SA/1SA_008_Verse_003.mp3,"Axɔ mía vinyɔnuwo be woanye yeƒe amiʋeʋẽwɔlawo, nuɖalawo kple aboloƒolawo." data/train/1SA/1SA_013_Verse_006.mp3,"Esi Israel ŋutsuwo kpɔ xaxa gã si me wonɔ kple ale si womimi woƒe aʋakɔ la ɖoe la, wosi yi ɖaɣla ɖe agadowo, avekɔewo, kpewo tome kple ʋewo me kple vudo siwo me tsi menɔ o la me." data/train/1SA/1SA_017_Verse_018.mp3,David tsɔ Filistitɔ la ƒe ta eye wòtsɔe yi Yerusalem ke etsɔ Filistitɔ la ƒe aʋawɔnuwo da ɖe eya ŋutɔ ƒe agbadɔ me. data/train/1SA/1SA_015_Verse_009.mp3,“Evem ŋutɔ be meɖo Saul fiae elabena egagbe toɖoɖom.” Nya siawo wɔ dɔ ɖe Samuel dzi ŋutɔ eya ta wòfa avi na Yehowa to zã blibo la me. data/train/1SA/1SA_018_Verse_001.mp3,"David gblɔ le eɖokui me be, “Ame kae nye kple nye ƒome kpakple hlɔ̃ nye le Israel be maɖe fiavi? Fofonye ƒe ƒome mele ɖeke me o!”" data/train/1SA/1SA_011_Verse_012.mp3,Saul xlẽ wo le Bezek eye Israelviwo le ame akpe alafa etɔ̃ kpe ɖe ame akpe blaetɔ̃ siwo tso Yuda la ŋu. data/train/1SA/1SA_026_Verse_006.mp3,"Azɔ la, Yehowa naɖe nye agbe abe ale si meɖe tɔwò egbe ene; eye wòaɖem tso nye xaxawo katã me.”" data/train/1SA/1SA_015_Verse_033.mp3,"Saul ʋu eme be, “Nyateƒe, nye aʋawɔlawo mewu alẽ kple nyi damiawo o, ke wotsɔ wo gbɔe be yewoasa vɔe na Yehowa, wò Mawu la ke míetsrɔ̃ nu bubu ɖe sia ɖe.”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_020.mp3,"David ƒu du yi ɖe Filistitɔ la gbɔ, eɖe Goliat ŋutɔ ƒe yi le aku me eye wòwui hetso ta le enu. Esi Filistitɔwo kpɔ be yewoƒe kalẽtɔ la ku la, wotrɔ megbe eye wosi dzo." data/train/1SA/1SA_026_Verse_009.mp3,"David yi enumake eye wòde dzesi afi si tututu Saul kple Abner, Ner vi, ame si nye Saul ƒe aʋafia la dɔna. Saul dɔa asaɖa la me eye eƒe amewo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlãe." data/train/1SA/1SA_017_Verse_053.mp3,Wò dɔla wu dzata kple sisiblisi eya ta anɔ na Filistitɔ bolotɔ sia hã abe woawo ke ene elabena eɖe alɔme le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu. data/train/1SA/1SA_007_Verse_012.mp3,"Samuel gblɔ na wo be, “Mi katã miva Mizpa eye mado gbe ɖa na Yehowa ɖe mia ta.”" data/train/1SA/1SA_019_Verse_007.mp3,"Esi Saul se nya si dzɔ la, eɖo asrafo bubuwo ɖa, ke woawo hã gblɔ nya ɖi! Nu ma ke dzɔ zi etɔ̃lia hã." data/train/1SA/1SA_022_Verse_017.mp3,"Le esia yome la, eyi Nɔb, nunɔlawo ƒe du me eye wòwu nunɔlawo ƒe ƒometɔwo, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo hekpe ɖe woƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo ŋu." data/train/1SA/1SA_024_Verse_004.mp3,David ka mo na eƒe amewo kple nya siawo eye meɖe mɔ na wo wowu Saul o. Ale Saul do go le agado la me eye wòdzo. data/train/1SA/1SA_017_Verse_022.mp3,"Egbe la, Yehowa atsɔ wò ade asi nam, maƒo wò aƒu anyi, atso ta le nuwò. Egbe la, matsɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo ƒe kukua ana dziƒoxeviwo kple anyigbadzilãwo, ekema xexea me katã anyae be Mawu aɖe le Israel." data/train/1SA/1SA_017_Verse_054.mp3,"Woawo hã gagblɔ nya siwo wogblɔ tsã va yi. Wogblɔ nɛ be, “Nu siae woawɔ na ame si awui.”" data/train/1SA/1SA_006_Verse_009.mp3,"gake miaƒe ŋku nanɔ eŋuti. Nenye be eyi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi ɖo ta Bet Semes la, ekema Yehowae he dɔvɔ̃ sia va mía dzii. Gake ne mewɔe nenema o la, ekema míanyae be menye eƒe asie ƒo mí o, ke boŋ nane koe wònye va dzɔ ɖe mía dzi.”" data/train/1SA/1SA_015_Verse_022.mp3,"Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖo to nàse nu si Yehowa gblɔ nam zã si va yi la me!” Saul bia be, “Nya kae wògblɔ?”" data/train/1SA/1SA_024_Verse_009.mp3,"Esi David wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Saul biae be, “Wò gbee nye ema, vinye David?” Ale wòwo avi sesĩe." data/train/1SA/1SA_030_Verse_024.mp3,"Nyadzɔdzɔ sia te ɖe David dzi ŋutɔ, vevietɔ esi David ƒe amewo nɔ nu xam le wo viwo ta la, wode asi gbɔgblɔ me be yewoawui. Ke David tsɔ Yehowa eƒe Mawu do ŋusẽ eɖokui." data/train/1SA/1SA_006_Verse_000.mp3,Ale wowɔ nu si wogblɔ na wo. Wotsi nyinɔ eve ɖe tasiaɖam la ŋu eye wotu wo viwo ɖe kpo me. data/train/1SA/1SA_017_Verse_024.mp3,Esi David trɔ tso Filistitɔ la wuƒe gbɔ teti ko la Abner kplɔe va Fia Saul gbɔe le esime Filistitɔ la ƒe ta ganɔ David si ko. data/train/1SA/1SA_020_Verse_041.mp3,Ƒu du sesĩe; netsɔ! Mègatɔ o!” Ale ŋutsuvi la fɔ aŋutrɔawo eye wòƒu du yi eƒe aƒetɔ gbɔ. data/train/1SA/1SA_013_Verse_009.mp3,"Eya ta mesusui be azɔ la, Filistitɔwo ava dze dzinye le Gilgal evɔ nyemebia amenuveve tso Yehowa gbɔ o! Esia zi dzinye eye mewɔ numevɔsa la.”" data/train/1SA/1SA_018_Verse_028.mp3,"Tso gbe ma gbe dzi la, Saul de asi David kpɔkpɔ me kple ŋuʋaʋã ƒe ŋku." data/train/1SA/1SA_016_Verse_004.mp3,"Emegbe Yese yɔ Sama, ke Samuel gblɔ be, “Esia hã Yehowa metiae o.”" data/train/1SA/1SA_024_Verse_017.mp3,Saul kplɔ asrafo tɔxɛ akpe etɔ̃ ɖe asi tso Israel eye wòyi ɖadi David le agakpewo dome le En Gedi gbedzi. data/train/1SA/1SA_020_Verse_000.mp3,"Ale David gblɔ be, “Kpɔ ɖa, etsɔe nye dzinu yeye ƒe ŋkekenyui eye ele nam be maɖu nu kple fia la, gake na mayi aɖaɣla ɖokuinye ɖe gbe me va se ɖe etsɔ mele eme o ƒe fiẽ." data/train/1SA/1SA_019_Verse_016.mp3,"Mlɔeba la, Saul lɔ̃ ɖe Yonatan ƒe nya siawo dzi eye wòka atam be, “Zi ale si Yehowa li la, nyemawu David o.”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_034.mp3,Eɖɔ akɔbligakuku eye wòkpla akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli si ƒe kpekpeme nye kilogram blaatɔ̃-vɔ-adre. data/train/1SA/1SA_028_Verse_000.mp3,"Ale Saul gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Midi nyɔnu aɖe si nye ŋɔliyɔla la nam, ale be mayi egbɔ aɖabia nu.” Dɔlawo gblɔ nɛ be, “Ŋɔliyɔla aɖe le Endor.”" data/train/1SA/1SA_026_Verse_020.mp3,"Saul dze si David ƒe gbe eye wòbiae be, “David, wò vinyee nye ema?” David ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyee.”" data/train/1SA/1SA_004_Verse_005.mp3,Azɔ Eli xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-enyi eye eƒe ŋkuwo megale nu kpɔm nyuie o. data/train/1SA/1SA_027_Verse_007.mp3,"Esi Saul se be David si yi Gat la, edzudzɔ eyometiti." data/train/1SA/1SA_008_Verse_013.mp3,"Ke ameawo gbe toɖoɖo Samuel. Wogblɔ nɛ be, “Ao! Míedi fia be wòaɖu mía dzi." data/train/1SA/1SA_015_Verse_024.mp3,"Samuel megakpɔ Saul kpɔ gbeɖe o, ke exaa nu ɖe eta ɣe sia ɣi, eye wòve Yehowa be yeɖo Saul fiae na Israel." data/train/1SA/1SA_009_Verse_001.mp3,"Ale woyi dua me eye esi woɖo agboa nu tututu ko la, wokpɔ Samuel, wòyina ɖe toa dzi." data/train/1SA/1SA_001_Verse_026.mp3,"Srɔ̃ eve nɔ Elkana si, ame siwo nye Hana kple Penina. Viwo nɔ Penina si ke Hana ya medzi vi o." data/train/1SA/1SA_010_Verse_018.mp3,"Ne èdzo le gbɔnye egbea la, àkpɔ ŋutsu eve aɖewo le Rahel ƒe yɔdo gbɔ le Zelza le Benyamin ƒe to la ƒe liƒo dzi. Woagblɔ na wò be, ‘Wofɔ tedzi siwo nèle didim. Fofowò megatsi dzi ɖe tedziawo ŋuti o ke boŋ etsi dzi ɖe ŋutiwò. Ele biabiam be, “Nu ka mawɔ tso vinye ŋuti?” ’" data/train/1SA/1SA_017_Verse_032.mp3,Eƒe akplɔti le abe abaladoti ene eye wowɔ akplɔ si le enu la kple gayibɔ si ƒe kpekpeme anye kilogram adre. Eƒe akpoxɔnutsɔla nɔ eŋgɔ. data/train/1SA/1SA_006_Verse_010.mp3,Ke Yehowa wu Bet Semestɔ blaadre elabena wokpɔ nubablaɖaka la me. Dukɔ la fa konyi le ame geɖe siwo Yehowa wu la ta. data/train/1SA/1SA_006_Verse_020.mp3,"Woɖo sikafiawo ɖa abe avulévɔsanu ene na Yehowa ɖe Filistitɔwo ƒe du bubuwo ta, ɖe du gã siwo woglã kple kɔƒe siwo nɔ amegã atɔ̃awo ƒe dzikpɔkpɔ te la siaa nu. Agakpe gã si dzi woda nubablaɖaka la ɖo le Bet Semes la gale Yosua ƒe agble la me va se ɖe egbe." data/train/1SA/1SA_020_Verse_020.mp3,Ke ŋutsuvi la ya mese nu si Yonatan wɔ la gɔme o; Yonatan kple David koe se egɔme. data/train/1SA/1SA_007_Verse_009.mp3,Israelviwo gbugbɔ woƒe du siwo nɔ Ekron kple Gat dome eye wonɔ Filistitɔwo si me la xɔ. Israel ɖe nuto siwo ƒo xlã wo la hã tso Filistitɔwo ƒe asi me. Ale ŋutifafa nɔ Israel kple Amoritɔwo dome. data/train/1SA/1SA_014_Verse_040.mp3,Saul kple eƒe ame alafa adeawo zɔ ɖe Filistitɔwo dzi. Wokpɔ be wonɔ wo nɔewo wum ko nyamanyama. data/train/1SA/1SA_015_Verse_002.mp3,"Ame si nye Israel ƒe ŋutikɔkɔe la, mele alakpa dam o, eye matrɔ ta me o, elabena menye amegbetɔe wònye o!”" data/train/1SA/1SA_026_Verse_002.mp3,Ale David tsɔ akplɔ la kple tsinoze la dzoe ke ame aɖeke mekpɔ wo o eye ame aɖeke menyɔ hã o elabena Yehowa na wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. data/train/1SA/1SA_015_Verse_016.mp3,"Le ŋdi kanya la, eyi ɖadi Saul; ame aɖe gblɔ nɛ be, “Saul yi Karmel to dzi afi si wòtu ŋkuɖodzikpe aɖe ɖo na eɖokui eye wòtso eme yi Gilgal.”" data/train/1SA/1SA_014_Verse_028.mp3,"Mele atam kam na Mawu ame si ɖe Israel dukɔ la be, nenye nye ŋutɔ vinye, Yonatan kurae wɔ nu vɔ̃ sia hã la aku kokoko.” Ke womekpɔ ame si wɔ nu vɔ̃ la o." data/train/1SA/1SA_030_Verse_012.mp3,elabena ɖeɖi te ame alafa eve ŋu ale gbegbe be womate ŋu atso tɔʋu la o. Ke David kple ame alafa ene yi Amalekitɔwo yometiti dzi. data/train/1SA/1SA_017_Verse_043.mp3,"metia eyome ƒonɛ ƒua anyi heɖea alẽ la le eƒe nu me. Ke ne etrɔ ɖe ŋutinye la, meléa eƒe kɔdza ƒonɛ kple kpo hewunɛ." data/train/1SA/1SA_017_Verse_019.mp3,"David zɔ yi ame bubu gbɔ, bia nya ma kee eye wòna ŋuɖoɖo ma kee abe tsãtɔ ene." data/train/1SA/1SA_008_Verse_018.mp3,"Via ŋutsuwo meto wo fofo ƒe afɔtoƒe o. Woɖe asi le mɔ dzɔdzɔe ŋu, heti viɖe ƒoɖi yome, woxɔa zãnu eye wotsoa afia ŋkunɔ." data/train/1SA/1SA_019_Verse_021.mp3,"Saul ɖo asrafowo ɖa be woadzɔ David ƒe aƒe ŋu ne edo go tso eƒe xɔ me ŋdi ko la, woawui. Ke Mixal gblɔ na srɔ̃a David be “Ne mèsi dzo le zã sia me o la, àzu nu kuku etsɔ ŋdi.”" data/train/1SA/1SA_001_Verse_000.mp3,"Ale Eli biae be, “Va se ɖe ɣe ka ɣi nàmu aha? Na wain la nakɔ le mo na wò.”" data/train/1SA/1SA_007_Verse_000.mp3,"Ale Kiriat Yearimtɔwo va tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi ɖada ɖe Abinadab ƒe aƒe si le to dzi la me. Wokɔ via, Eleazar, ŋuti be wòakpɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la dzi." data/train/1SA/1SA_025_Verse_035.mp3,"Ne amewo ati wò agbe yome hã la, ànɔ dedie le Yehowa, wò Mawu la ƒe dzikpɔkpɔ te, abe ale si ga nɔa dedie le gatɔ ƒe gakotoku me ene! Ke wò futɔwo ƒe agbe abu abe kpe si woda le aŋetu me ene." data/train/1SA/1SA_025_Verse_004.mp3,"Aƒetɔ, zi ale si Yehowa ɖe wò tso amewuwu kple hlɔ̃biabia me ta la, metsɔ Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ wò agbe le kuku ɖem be fiƒode naɖi wò futɔwo katã, abe Nabal ene, ŋu." data/train/1SA/1SA_019_Verse_003.mp3,"Azɔ Saul ŋutɔ yi Rama eye esi wòɖo vudo la gbɔ le Seku la, ebia be “Afi ka Samuel kple David le?” Ame aɖe gblɔ nɛ be, “Wole Nayɔt le Rama.”" data/train/1SA/1SA_018_Verse_000.mp3,"Ale Saul megaɖe mɔ be David nado ɖe yeƒe ŋkume o. Eɖiɖii, meganye aʋafia o, ke boŋ etsɔe ɖo asrafo akpe ɖeka nu. Ke nuwɔna sia boŋ gana amewo gakpɔa ŋudzedze le David ŋu wu." data/train/1SA/1SA_012_Verse_014.mp3,"Mienya be tsi medzana le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me, le luxaɣi o gake mado gbe ɖa na Yehowa be wòaɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa egbe ale be miadze si miaƒe vɔɖivɔ̃ɖi ƒe todede le ale si miebia be woaɖo fia na yewo la ta!”" data/train/1SA/1SA_018_Verse_003.mp3,David zu Saul ƒe kpeɖeŋutɔ tɔxɛ eye wòwɔa dɔ sia dɔ si wòde asi nɛ la nyuie. Saul tsɔe ɖo aʋafiae ɖe eƒe aʋakɔwo nu eye nu sia dze asrafoawo kple ame bubuawo siaa ŋu. data/train/1SA/1SA_023_Verse_029.mp3,"Ɖe Keilatɔwo atsɔm ade asi nɛa? Ɖe Saul anya va abe ale si mese enea? Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, meɖe kuku, gblɔe nam.” Yehowa gblɔ be, “Ɛ̃, Saul le vava ge.”" data/train/1SA/1SA_022_Verse_010.mp3,Esia tae mietsi tsitre ɖe ŋunyea? Mia dometɔ aɖeke megblɔ nam kpɔ be nye ŋutɔ vinye le David dzi o. Miexa nu ɖe nunye gɔ̃ hã o. Mibu eŋu kpɔ! Nye ŋutɔ vinye nado ŋusẽ David be woade xa ɖe ŋunye abe ale si wòwɔ egbea ene.” data/train/1SA/1SA_019_Verse_018.mp3,"Saul bia via Mixal be, “Nu ka ta nèblem eye nèna nye futɔ si?” Mixal ɖo eŋu be, “Ɖe kokoko wòle nam be mable wò elabena srɔ̃nye gblɔ nam be ne nyemekpe ɖe ye ŋu o la, yeawum.”" data/train/1SA/1SA_002_Verse_013.mp3,"Eli zu amegãɖeɖi aɖe azɔ gake enya nu siwo katã viawo nɔa wɔwɔm ɖe Israel blibo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, enya be ye viŋutsuwo nɔ ahasi wɔm kple ɖetugbi siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me." data/train/1SA/1SA_025_Verse_041.mp3,Wonye kpɔtɔtɔ ƒo xlã mí zã kple keli esime míenɔ míaƒe alẽhawo dzi kpɔm le wo gbɔ. data/train/1SA/1SA_027_Verse_009.mp3,"Gbe ɖeka David gblɔ na Akis be, “Nye aƒetɔ, ne anyo na wò la, ekema nàna míanɔ du sue aɖe me ke menye fiadua me le afii o.”" data/train/1SA/1SA_024_Verse_013.mp3,"Le Yehowa ƒe ŋkɔ me, ka atam nam bena ne nu sia va eme la, màwu nye ƒometɔwo eye màtsrɔ̃ nye dzidzimeviwo o!”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_017.mp3,"David nye viŋutsuvi suetɔ. Esime nɔvia tsitsitɔ etɔ̃awo nɔ Saul ƒe aʋakɔ la me la," data/train/1SA/1SA_025_Verse_022.mp3,"Eŋkɔe nye Nabal. Srɔ̃a nye nyɔnu dzetugbe aɖe si ƒe tagbɔ kɔ; eŋkɔe nye Abigail. Nabal nye Kaleb ƒe dzidzimevi, enye ame si meɖɔ ʋu kura o eye wòganye ŋlɔmitɔ kple kɔlialiatɔ hã." data/train/1SA/1SA_025_Verse_016.mp3,"Esi Abigail ɖo aƒe me la, ekpɔ be ye srɔ̃ ɖo kplɔ̃ gã aɖe eye wòmu aha, eya ta megblɔ nya aɖeke nɛ tso eƒe gododo David ŋu o, va se ɖe esime ŋu ke." data/train/1SA/1SA_014_Verse_031.mp3,"Nenye ɖe woɖe mɔ be ameawo naɖu nu si wokpɔ le futɔwo dome la, anye ne míagate ŋu awu futɔ gbogbo aɖewo wu esia gɔ̃ hã.”" data/train/1SA/1SA_030_Verse_008.mp3,David kple eƒe amewo dze wo dzi eye wowu wo katã le zã ma me kple ŋufɔke. Wowu ame sia ame negbe ɖekakpui alafa ene siwo do kposɔwo la koe te ŋu si. data/train/1SA/1SA_023_Verse_026.mp3,"Saul nɔ to aɖe ƒe akpa ɖeka ŋu eye David hã nɔ to ma ke ƒe akpa evelia ŋu. Esi wòsusɔ vie Saul kple eƒe amewo naɖe to ɖe David kple eƒe amewo la, David dze agbagba be yeasi gake mɔnukpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o." data/train/1SA/1SA_013_Verse_015.mp3,"Ke azɔ la, wò fiaɖuƒe mali ke o. Yehowa di ame si eƒe dzi di la na eɖokui eye wòɖoe eƒe dukɔ la ƒe kplɔlae elabena mèlé Yehowa ƒe sedede me ɖe asi o.”" data/train/1SA/1SA_030_Verse_004.mp3,"David biae be. “Ame kae nènye eye afi ka nètso?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Egiptetɔe menye heganye Amalekitɔ aɖe ƒe subɔla. Nye aƒetɔ gblẽm ɖi egbee nye ŋkeke etɔ̃lia eye nye lãme gblẽ." data/train/1SA/1SA_014_Verse_023.mp3,"Ke esi Saul nɔ nu ƒom na nunɔlaa la, Filistitɔwo ƒe ɣlidodo kple ʋunyaʋunyawɔwɔ le woƒe asaɖa me nɔ dzi dem ɖe edzi. Saul gblɔ be, “Netsɔ! Nya kae Yehowa gblɔ?”" data/train/1SA/1SA_012_Verse_022.mp3,"Woɖe kuku na Samuel be, “Do gbe ɖa na Yehowa wò Mawu ɖe mía ta ne míagaku o elabena míetsɔ nu vɔ̃ si míewɔ to biabia be woaɖo fia na mí me la kpe ɖe míaƒe nu vɔ̃ bubuwo ŋuti.”" data/train/1SA/1SA_005_Verse_004.mp3,"Esi ameawo dze si nu si de asi dzɔdzɔ ɖe wo dzi la, wodo ɣli be, “Míagate ŋu ana Israel ƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la naganɔ afi sia o, elabena eƒe asi sẽ ɖe míawo ŋutɔ kple míaƒe mawu Dagon siaa dzi.”" data/train/1SA/1SA_002_Verse_000.mp3,"Adzɔ eƒe ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋu, ke ɖoɖoe azi le ame vɔ̃ɖiwo nu le viviti me. “Menye kalẽ me ame tona ɖua dzi o;" data/train/1SA/1SA_027_Verse_000.mp3,"Akis biaa David be, “Afi ka tɔwo dzi miedze egbea?” David ɖoa eŋu be, “Míedze ame siwo le Yuda ƒe anyigbeme kple Yerameeltɔwo kple Kenitɔwo dzi.”" data/train/1SA/1SA_023_Verse_004.mp3,"Amegã, va ne míalée na wò ekema wò didi gãtɔ ava eme!”" data/train/1SA/1SA_024_Verse_005.mp3,"David ƒe amewo do dalĩ nɛ be, “Azã la su na wò azɔ. Egbee nye ŋkeke si ŋu Yehowa gblɔ le be, ‘Matsɔ Saul ade wò ŋusẽ te eye nàwɔ nu si dze ŋuwò la kplii!’ ” David wɔ ɖɔɖɔɖɔ eye wòlã Saul ƒe awu ʋlaya to!" data/train/1SA/1SA_007_Verse_013.mp3,"Samuel tsɔ kpe aɖe da ɖe Mizpa kple Sen dome eye wòna ŋkɔe be, “Ebenezer” si gɔme nye “Amenuvekpe” elabena egblɔ be, “Afi siae Yehowa ve mía nu va se ɖo!”" data/train/1SA/1SA_020_Verse_037.mp3,"Yonatan ɖo eŋu be, “David bia mɔm kple kukuɖeɖe blibo be yeayi Betlehem." data/train/1SA/1SA_002_Verse_031.mp3,“Yehowa wua ame gagbɔa agbe ame; enana woyia yɔ me eye wògafɔa ame tso yɔ me. data/train/1SA/1SA_024_Verse_014.mp3,"Lododo xoxo aɖe gblɔ be, ‘Nu vɔ̃ɖi doa go tsoa ame vɔ̃ɖiwo me.’" data/train/1SA/1SA_017_Verse_052.mp3,"Tsɔ notsi babla lalã ewo yi na woƒe aʋalɔgoa ƒe amegã, bia nɔviwòwo ƒe agbe ta se eye nàxɔ gbe tso wo gbɔ vɛ nam." data/train/1SA/1SA_002_Verse_014.mp3,"“Eya ta Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Medo ŋugbe be wò kple fofowò ƒe aƒe asubɔ le ŋkunye me tegbee.’ Ke azɔ la Yehowa be, ‘Esia nete ɖa xaa tso gbɔnye! Ame siwo de bubu ŋutinye la, made bubu wo ŋu, ke ame siwo do vlom la, woaɖu ŋukpe." data/train/1SA/1SA_017_Verse_001.mp3,"Ale David ɖu Filistitɔ la dzi kple aŋetu kple kpe ɖeka, yi menɔ esi o gake ekpe le Filistitɔ la dzi eye wòwui." data/train/1SA/1SA_008_Verse_000.mp3,Ale Israel ƒe kplɔlawo katã kpe ta heva Samuel gbɔ le Rama data/train/1SA/1SA_009_Verse_024.mp3,"Tsã ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna be, “Mina míayi nukpɔla gbɔ,” elabena ame si woyɔna fifia be nyagblɔɖila, eyae woyɔna tsã be nukpɔla." data/train/1SA/1SA_011_Verse_000.mp3,Ale woyi Gilgal eye woɖo Saul fiae le Yehowa ŋkume. Wosa akpedavɔ na Yehowa eye Saul kple Israelviwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ. data/train/1SA/1SA_023_Verse_008.mp3,"David gabia gbe Yehowa eye wògaɖo eŋu be, “Miyi Keila elabena makpe ɖe mia ŋu miaɖu Filistitɔwo dzi.”" data/train/1SA/1SA_002_Verse_032.mp3,Yehowa ɖoa ahedada ɖa eye eya kee gaɖoa hokpɔkpɔ ɖa; eyae bɔbɔa ame ɖe anyi eye eya kee gadoa ame ɖe dzi. data/train/1SA/1SA_020_Verse_005.mp3,"David biae be, “Aleke mawɔ anya ne fofowò do dɔmedzoe alo medo dɔmedzoe o?”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_027.mp3,"Esi Israelviwo kpɔe ko la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi sisi me." data/train/1SA/1SA_015_Verse_032.mp3,"Saul ɖo du ɖe Kenitɔwo be woado le Amalekitɔwo dome, ne menye nenema o la, woaku kple Amalekitɔwo. Eɖe nya me na wo be, “Elabena mieve Israel nu esime wògbɔna tso Egiptenyigba dzi.” Ale Kenitɔwo dzo le Amalekitɔwo dome." data/train/1SA/1SA_026_Verse_010.mp3,"David ɖo eŋu fewuɖutɔe be, “Menye wòe nye ame gãtɔ kekeake le Israel oa? Ekema nu ka ta mèdzɔ wò aƒetɔ, fia la, ŋu esi ame aɖe va be yeawui o?" data/train/1SA/1SA_014_Verse_010.mp3,Aʋakɔ blibo la ge ɖe ave la me eye wokpɔ anyitsi le anyigba. data/train/1SA/1SA_001_Verse_022.mp3,Mègabu wò dɔlanyɔnu vɔ̃ɖi o. Nye xaxawo tae mele gbe dom ɖa le afi sia le nuxaxa blibo me.” data/train/1SA/1SA_020_Verse_029.mp3,Yehowa nana míawɔ míaƒe ŋugbedodowo na mía nɔewo dzi elabena Yehowae nye avuléla le mía dome tegbetegbe.” data/train/1SA/1SA_004_Verse_002.mp3,"Ame dɔdɔ la gblɔ na Eli be, “Mede aʋagbe la dzi egbe, fifi laa koe mesi trɔ gbɔ.” Eli biae be, “Nu kae dzɔ, Vinye ɖe?”" data/train/1SA/1SA_013_Verse_018.mp3,"Samuel gblɔ be, “Èwɔ bometsinu, mèlé Yehowa, wò Mawu la ƒe se si wòde na wò la me ɖe asi o. Nenye ɖe nèlé eme ɖe asi la, anye ne aɖo wò fiaɖuƒe la anyi le Israel hena ɣeyiɣiawo katã." data/train/1SA/1SA_006_Verse_018.mp3,Wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple aɖaka si me sikafiwo kple sikaƒoƒoeawo nɔ la da ɖe tasiaɖam la dzi. data/train/1SA/1SA_002_Verse_005.mp3,"Ame siwo ɖi ƒo tsã la, tsɔ wo ɖokui ɖo awɔbae na nuɖuɖu, ke ame siwo dɔ wu tsã la, dɔ megale wo wum o. Ame si tsi ko tsã la dzi vi adre azɔ, ke ame si si vi adre nɔ la ƒe vidzidɔ lé ayi." data/train/1SA/1SA_010_Verse_025.mp3,"Zi ale si dzesi siawo va eme la, wɔ nu sia nu si tsɔ asi gbɔ na wò elabena Mawu li kpli wò." data/train/1SA/1SA_026_Verse_012.mp3,Esia menyo kura o! Metsɔ Yehowa ka atam na wò be ele be nàku le wò ŋudzɔmanɔmanɔ ta. Afi ka fia la ƒe akplɔ kple eƒe tsinoze si nɔ eƒe tagbɔ la le?” data/train/1SA/1SA_013_Verse_004.mp3,aʋalɔgo evelia yi Bet Horon eye etɔ̃lia ɖo ta liƒo si le Zeboim ƒe balime te ɖe gbegbe la ŋu la dzi. data/train/1SA/1SA_027_Verse_012.mp3,"Wonɔa Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo, ame siwo nɔ Sur gbɔ le Egipte mɔ dzi tso gbe aɖe gbe ke la ham." data/train/1SA/1SA_012_Verse_012.mp3,"“Ke woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be kaba eya ta Yehowa tsɔ wo de asi na Sisera, Fia Hazor ƒe aʋafia kple Filistitɔwo ƒe fia kple Moab fia." data/train/1SA/1SA_001_Verse_023.mp3,Meɖe kuku nɛ be wòana ɖevi siam eye wòna nu si mebiae lam. data/train/1SA/1SA_017_Verse_048.mp3,"Saul ɖo eŋu nɛ be, “Màte ŋu ayi ado go kple Filistitɔ sia, awɔ aʋa kplii o. Wò la ɖevi ko nènye ke eya le aʋa wɔm tso eƒe ɖekakpuime ke.”" data/train/1SA/1SA_001_Verse_018.mp3,"Hana ɖo eŋu gblɔ be, “Ao, nye aƒetɔ, nyɔnu si ƒe dzi le nu xam lae menye. Nyemenoa wain alo aha sesẽ o; ke boŋ nye dzimenuxaxa ko ɖem mele ɖe Yehowa ŋkume." data/train/1SA/1SA_025_Verse_017.mp3,"Esi aha la kɔ le mo nɛ la, Abigail gblɔ nya sia nya nɛ. Tete eƒe dzi fa ɖe eƒe dɔ me eye wòtsi maʋamaʋã abe kpe ene." data/train/1SA/1SA_028_Verse_022.mp3,"Saul tsɔ Yehowa ka atam nɛ be, “Meta Yehowa ƒe agbe be womahe to na wò ɖe nu sia ta o.”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_055.mp3,Wole Saul kple Israel ŋutsuwo dome le Ela balime me le aʋa wɔm kple Filistitɔwo.” data/train/1SA/1SA_008_Verse_002.mp3,"Atsɔ wo dometɔ aɖewo aɖo ame akpewo nu eye wo dometɔ aɖewo anɔ ame blaatɔ̃ aɖewo nu. Ɖewo aŋlɔ eƒe agblewo, axa nukuwo nɛ, nenema ke ɖewo hã anye eƒe aʋawɔnuwo wɔlawo kple tasiaɖamŋutinuwo wɔlawo." data/train/1SA/1SA_011_Verse_009.mp3,"Samuel gblɔ na ameawo be, “Mina mí katã míayi Gilgal eye míada asi ɖe Saul dzi abe míaƒe fia ene.”" data/train/1SA/1SA_025_Verse_040.mp3,"Wogblɔ nam be èle fu kom na wò alẽwo kple gbɔ̃wo. Le ɣeyiɣi si me wò alẽkplɔlawo nɔ mía dome la, míewɔ nuvevi aɖeke wo kpɔ o eye míefi woƒe naneke kpɔ hã o." data/train/1SA/1SA_031_Verse_005.mp3,"Esi Yabes Gileadtɔwo se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la," data/train/1SA/1SA_020_Verse_001.mp3,"Ale David ɣla eɖokui ɖe gbedzi eye esi ɣleti yeyea ƒe ŋkekenyui la ɖo edzi la, fia la nɔ anyi be yeaɖu nu." data/train/1SA/1SA_004_Verse_001.mp3,"Ale wona woyi ɖatsɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka vɛ, Yehowa nɔ anyi ɖe nubablaɖaka sia ƒe Kerubiwo tame. Hofni kple Finehas, Eli viŋutsu eveawo, kplɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo yi aʋagbedzi." data/train/1SA/1SA_025_Verse_013.mp3,"elabena metsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na nyemewɔ nuvevi wò o la, ka atam be ne menye ɖe nèva do gom o la, Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã maganɔ agbe etsɔ ŋdi o.”" data/train/1SA/1SA_025_Verse_018.mp3,"Esi David se be Nabal ku la, egblɔ be, “Woakafu Yehowa! Mawu ɖo eteƒe na Nabal eye wòkpe ɖe ŋunye be nye ŋutɔ nyemebia hlɔ̃e o. Exɔ eƒe tohehe le eƒe nu vɔ̃ ta!” David dɔ eƒe dɔlawo ɖe Abigail gbɔ enumake be woagblɔ nɛ be yedi be wòazu ye srɔ̃." data/train/1SA/1SA_012_Verse_005.mp3,"Azɔ, ne miavɔ̃ eye miasubɔ Yehowa, ahawɔ eƒe sewo dzi, miagadze aglã ɖe eŋu o eye ne miawo kple miaƒe fia la siaa miadze Yehowa, mia Mawu, yome la, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie." data/train/1SA/1SA_005_Verse_010.mp3,"yi woƒe mawu Dagon, ƒe gbedoxɔ me le Asdod eye wodae ɖe Dagon gbɔ." data/train/1SA/1SA_015_Verse_018.mp3,"Nye aʋawɔlawo bia mɔm eye meɖe mɔ na wo be woatsɔ alẽwo, nyiwo kple nu siwo dze wo ŋu la hena vɔsasa na Yehowa wò Mawu la le Gilgal.”" data/train/1SA/1SA_019_Verse_005.mp3,"Esi asrafoawo va be woalé David ayi na Saul la, Mixal gblɔ na wo be David dze dɔ eye mate ŋu afɔ o." data/train/1SA/1SA_014_Verse_026.mp3,Ke Yonatan ya mese se si fofoa de o eya ta wòtsɔ eƒe atikplɔ tɔ anyitsia me heno eye ŋusẽ gaɖo eŋu. data/train/1SA/1SA_002_Verse_017.mp3,"Gawu la, hafi woatɔ dzo lãmia la nunɔla la ƒe dɔla vana gblɔna na ame si le vɔ la sam la be, “Tsɔ lã la ƒe ɖe na nunɔlaa be wòame elabena maxɔ lã ɖaɖa le asiwò o negbe mumua ko.”" data/train/1SA/1SA_010_Verse_006.mp3,"Esi ame siwo nya Saul tsã kpɔe wònɔ nya gblɔm ɖi kple nyagblɔɖilawo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kae nye esi dzɔ ɖe Kis ƒe vi la dzĩ? Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?”" data/train/1SA/1SA_024_Verse_000.mp3,Ale David ka atam la na Saul. Tete Saul trɔ dzo yi aƒe me ke David kple eƒe ameawo gbugbɔ yi mɔ sesẽ la me. data/train/1SA/1SA_030_Verse_015.mp3,"Esi wova ɖo Ziklag la, David ɖo afunyinu siwo woha la ƒe akpa aɖe ɖe Yuda ƒe ametsitsiwo. Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu be, “Esiawo nye nunana siwo mele ɖoɖom ɖe mi tso afunyinu siwo mekpɔ tso Yehowa ƒe futɔwo gbɔ la me.”" data/train/1SA/1SA_017_Verse_023.mp3,"Ekpɔ David ɖa eye wòkpɔ be ɖevi dzaa aɖe ko wònye, ele kpokploe eye wòdze ɖeka, eya ta wòdo vloe." data/train/1SA/1SA_023_Verse_014.mp3,"Eya ta Saul ɖe asi le David yometiti ŋu eye wòtrɔ yi be yeawɔ aʋa kple Filistitɔwo. Tso ɣe ma ɣi dzi la, woyɔa teƒe si David ƒu asaɖa anyi ɖo la be “Kaklã ƒe Agakpe.”" data/train/1SA/1SA_002_Verse_002.mp3,Ale ɖekakpui siawo ƒe nu vɔ̃ tri akɔ le Yehowa ƒe ŋkume elabena wodoa vlo ameawo ƒe vɔ siwo wosana na Yehowa. data/train/1SA/1SA_018_Verse_026.mp3,Saul na David tsi egbɔ tso gbe ma gbe eye megana wòtrɔ yi aƒe me o. data/train/1SA/1SA_013_Verse_010.mp3,"Eya ta ɣe sia ɣi si Israelviwo di be yewoanyre yewoƒe agbleŋlɔnuwo, fiawo kple nuxanuwo la, wotsɔa wo yia Filistitɔwo ƒe gbedewo gbɔ." data/train/1SA/1SA_018_Verse_016.mp3,Ke nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi nɛ elabena Yehowa li kplii. data/train/1SA/1SA_025_Verse_001.mp3,Ale David ƒe ɖekakpuiawo trɔ gbɔ va gblɔ nya siwo Nabal gblɔ la nɛ. data/train/1SA/1SA_016_Verse_001.mp3,"Ale wòbia Yese be, “Viŋutsuvi siawo koe le asiwòa?” Yese ɖo eŋu be, “Ɖevitɔ li gake ele alẽwo kplɔm le gbedzi.” Samuel gblɔ be, “Dɔ ame ɖo ɖee elabena míanɔ anyi o, va se ɖe esime wòava.”" data/train/1SA/1SA_016_Verse_015.mp3,"Saul ɖo ame ɖe Yese be, “Meɖe kuku, na David nazu ŋunyemewo dometɔ ɖeka elabena eƒe nu nyo ŋunye ŋutɔ.”" data/train/1SA/1SA_026_Verse_024.mp3,"Yehowa ŋutɔ axe fe na ame si wɔ nyui kple ame si wɔ nuteƒe. Ao, nyemawu wò o, togbɔ be Yehowa tsɔ wò de asi nam hã." data/train/1SA/1SA_002_Verse_034.mp3,"Ɣeyiɣi la gbɔna esi maɖe wò kple fofowò ƒe aƒe ƒe ŋusẽ dzi akpɔtɔ ale be amegãɖeɖi aɖeke manɔ wò ƒomea me o," data/train/1SA/1SA_003_Verse_003.mp3,"Esi Samuel nɔ tsitsim la, Yehowa nɔ kplii eye wòna be nya sia nya si Samuel gblɔ la vaa eme." data/train/1SA/1SA_006_Verse_017.mp3,"Sikaƒoƒoe atɔ̃ siwo Filistitɔwo ɖo ɖa abe fɔɖivɔsanu ene la nye nunana tso Asdod, Gaza, Askelon, Gat kple Ekron ƒe amegãwo gbɔ." data/train/1SA/1SA_015_Verse_011.mp3,eye Saul kple eƒe amewo de xa ɖe balime ɖe Amalekitɔwo ŋu. data/train/1SA/1SA_028_Verse_006.mp3,"Esi nyɔnu la kpɔ Samuel la, edo ɣli sesĩe eye wògblɔ na Saul be, “Nu ka ŋutie nèblem ɖo? Wòe nye Saul!”" data/train/1SA/1SA_021_Verse_003.mp3,"David da alakpa na Ahimelek be, “Fia la de dɔ ɣaɣlɛ aɖe asi nam. Egblɔ nam be magana ame aɖeke nanya nu si ta meva afi sia o. Mefia teƒe si nye amewo ado gom le emegbe la wo." data/train/1SA/1SA_009_Verse_003.mp3,"Enumake Samuel ɖo eŋu be, “Nyee nye nukpɔla la! Dze ŋgɔ nàyi toa dzi eye míaɖu nu ɖekae le afi ma. Etsɔ ŋdi la, magblɔ nu si nèdi be yeanya la na wò eye mado mɔ wò." data/train/1SA/1SA_003_Verse_004.mp3,"Eya ta Israel blibo la, tso Dan yi Beerseba nya be Yehowa ɖo Samuel nyagblɔɖilae." data/train/1SA/1SA_025_Verse_003.mp3,"Azɔ la, xɔ nunana siwo metsɔ vɛ na nye aƒetɔ la, na wò kple ɖekakpuiawo." data/train/1SA/1SA_001_Verse_003.mp3,"Elkana kple srɔ̃awo kple wo viwo zɔa mɔ ƒe sia ƒe yia Yehowa ƒe agbadɔ la me le Silo be woasubɔ Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la, eye woasa vɔ nɛ. Yehowa ƒe nunɔla siwo nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm ɣe ma ɣi woe nye Eli kple via eveawo; Hofni kple Finehas." data/train/1SA/1SA_024_Verse_015.mp3,"Ne ame aɖe do go eƒe futɔ la, ɖe wòɖea asi le eŋu wòdzona nuvevimawɔmawɔea? Yehowa neɖo nyui sia teƒe na wò geɖe, ɖe nu si nèwɔ nam egbea la ta." data/train/1SA/1SA_030_Verse_030.mp3,"Wotsɔ gbotsetsebolo eve kple waintsetse ƒuƒu eve nɛ. Esi wòɖu nu siawo la, egbɔ agbe elabena meɖu naneke alo no tsi ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ o." data/train/1SA/1SA_017_Verse_036.mp3,"Gake David gblɔ na Saul be, “Wò dɔla nɔ fofoa ƒe alẽwo kplɔm. Ne dzata alo sisiblisi va eye wòlé alẽ le alẽha la me la," data/train/1SA/1SA_004_Verse_013.mp3,"Esi aʋa la ke la, Israelviwo trɔ yi woƒe asaɖa me eye woƒe kplɔlawo de ŋugble tso nu si ta Yehowa na Filisitɔwo ɖu wo dzi la ŋu. Wogblɔ be, “Mina míatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo ava afi sia. Ne míetsɔe yi aʋagbedzi kpli mí la, Yehowa anɔ mía dome eye wòaɖe mí tso míaƒe futɔwo si me kokoko.”" data/train/1SA/1SA_013_Verse_007.mp3,"Esi wòwu vɔsawo nu vɔ tetee ko la, Samuel va do. Saul yi be yeakpee ado gbe nɛ." data/train/1SA/1SA_029_Verse_005.mp3,"David bia Akis be, “Nu ka mewɔ eye nu ka nèkpɔ le wò dɔla ŋu tso gbesigbe meva gbɔwò va se ɖe egbe, si na be miawɔm ale? Nu ka ta nyemekpɔ mɔ aɖawɔ aʋa kple nye aƒetɔ ƒe futɔwo o?”" data/train/1SA/1SA_010_Verse_013.mp3,Gblɔ nu si Samuel gblɔ na wò la nam. data/train/ACT/ACT_026_Verse_001.mp3,"Ale Agripa gblɔ na Festus be, “Ne menye ɖe Paulo tsɔ eƒe nya la de Kaisaro si o la, anye ne ele be woaɖe asi le eŋu hafi.”" data/train/ACT/ACT_009_Verse_023.mp3,ke nye ŋutɔ magblɔ fu siwo wòakpe ɖe tanye la afiae.” data/train/ACT/ACT_013_Verse_004.mp3,"Amehawo ƒe agbɔsɔsɔ alea do ŋɔdzi na Yudatɔwo ale woʋã ŋu Paulo kple Barnabas, eya ta wogblɔ busunyawo, eye wotsi tsitre ɖe nya sia nya si Paulo gblɔ la ŋu vevie." data/train/ACT/ACT_007_Verse_042.mp3,"“Mía tɔgbuitɔgbuiwo tsɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ɖe ta nɔ gbea dzi, nɔ yiyim tso teƒe yi teƒe. Wowɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ sia ɖe nɔnɔme si Mawu ɖee fia Mose be wòawɔe la nu." data/train/ACT/ACT_018_Verse_015.mp3,"gake esi wònye nu si ku ɖe nyawo kple ŋkɔwo kpakple miaƒe sewo ŋuti la, miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ. Nyemedi be manye ʋɔnudrɔ̃la le nya siawo me o.”" data/train/ACT/ACT_003_Verse_001.mp3,"Ale wòti kpo, tsi tsitre hede asi azɔlizɔzɔ me. Enɔ kpo tim, nɔ zɔzɔm alea henɔ Mawu kafum, eye wòdze Petro kple Yohanes yome ge ɖe gbedoxɔ la me." data/train/ACT/ACT_020_Verse_038.mp3,"Zi geɖe la, mefia ale si miakpe ɖe ame dahewo ŋuti la mi, elabena meɖo ŋku nya si míaƒe Aƒetɔ Yesu gblɔ dzi be, ‘Nunana hea yayra vɛ wu nuxɔxɔ.’ ”" data/train/ACT/ACT_011_Verse_020.mp3,"“Ke meɖo eŋu be, ‘Kpao, Aƒetɔ, nyemate ŋu awɔ esia o. Nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ o.’" data/train/ACT/ACT_007_Verse_011.mp3,"Esi wogayi Egipte zi evelia la, Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo, elabena womekpɔe dze sii zi gbãtɔ si wode afi ma o. Eɖe wo fia Fia Farao hã." data/train/ACT/ACT_026_Verse_025.mp3,"Ne Mawu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, aleke wɔ miebu be enye nu si womate ŋu axɔ ase oa?" data/train/ACT/ACT_002_Verse_005.mp3,"Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui." data/train/ACT/ACT_022_Verse_017.mp3,"Gawu la, esime wonɔ wò dɔla Stefano ƒe ʋu kɔm ɖi la, nye ŋutɔ meda asi ɖe edzi. Menɔ afi ma, eye mexɔ ame siwo nɔ ewum la ƒe awuwo lé ɖe asi na wo esime wonɔ kpe ƒumee.’" data/train/ACT/ACT_027_Verse_020.mp3,"Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, tɔdziʋu la si ke. Eƒe ŋgɔgbe lɔƒo tsi teƒe ɖeka, ale be ahom la hã nɔ eƒe megbe lɔƒo kakam." data/train/ACT/ACT_019_Verse_033.mp3,"Paulo di vevie be yeadze wo yome ayi ƒuƒoƒe la, gake nusrɔ̃la bubuawo meɖe mɔ nɛ o." data/train/ACT/ACT_007_Verse_034.mp3,"“Le ɣeyiɣi sia me lɔƒo la, wodzi Mose si nye ɖevi dzeɖekɛ aɖe. Le se si nɔ anyi ɣe ma ɣi me ta la, esi wodzi Mose la, edzilawo dzrae ɖo ɖe xɔ me ɣleti etɔ̃ sɔŋ." data/train/ACT/ACT_026_Verse_020.mp3,"Le nya siawo megbe la, Fia Agripa kple Mɔmefiagã Festus kple Benis kple wo ŋumewo katã tso hedzo." data/train/ACT/ACT_017_Verse_022.mp3,"Le zã ma me la, xɔsetɔ siwo le dua me la kplɔ Paulo kple Silas do goe le dua me alɔtsɔtsɔe, eye woyi Berea. Paulo kple Silas gayi woƒe dɔ dzi le afi sia hã hegblɔ mawunya le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me la me." data/train/ACT/ACT_023_Verse_015.mp3,"Esi ŋu ke la, wotsɔe de asi na sɔdzisrafoawo be woakplɔe ayi Kaesarea, ke afɔzɔlawo ya gatrɔ va woƒe nɔƒe le mɔ la me." data/train/ACT/ACT_002_Verse_046.mp3,"Ɛ̃, matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖi le ŋkeke mawo me, ale be woagblɔ nya ɖi." data/train/ACT/ACT_020_Verse_032.mp3,"Paulo nɔ Helanyigba dzi ɣleti etɔ̃, eye esi wònɔ dzadzram ɖo be yeayi Siria la, ese be Yudatɔwo nɔ ɖoɖo wɔm be yewoawui. Le esia ta la, eɖoe be yeagatrɔ aɖo ta Makedonia boŋ." data/train/ACT/ACT_006_Verse_015.mp3,"Woyi edzi gblɔ be, “Míese Stefano gblɔ be Yesu Nazaretitɔ sia ava gbã gbedoxɔ la, eye wòaɖe se siwo katã Mose na mí la ɖa.”" data/train/ACT/ACT_013_Verse_039.mp3,"Nenema ke wogblɔ le teƒe bubu hã be, “ ‘Mana wò kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã manyunyɔ o.’" data/train/ACT/ACT_011_Verse_012.mp3,Esia na be Petro gblɔ ale si nyawo katã va dzɔe la na wo. data/train/ACT/ACT_013_Verse_020.mp3,"Gbe ma gbe la, Paulo kple Barnabas nɔ go dom le ƒuƒoƒea la, ameawo gblɔ na Paulo be eƒe nyawo vivi yewo nu ŋutɔ, eya ta wòagatrɔ ava ƒo nu na yewo le Dzudzɔgbe si agava la dzi." data/train/ACT/ACT_017_Verse_004.mp3,(Atenetɔwo katã kple amedzroawo hã lɔ̃a anyinɔnɔ ɖe takpeƒe hewɔa woƒe ɣeyiɣiwo ŋuti dɔ to nyamedzodzro kple susu yeyewo xɔxɔ me.) data/train/ACT/ACT_005_Verse_042.mp3,"Ɣeyiɣi aɖe va yi la, Teuda aɖe va do ɖe mía dome, eye wòwɔ eɖokui hlodzoo be yenye amegã aɖe. Ame abe alafa ene sɔŋ dze eyome. Ke nu kae va dzɔ? Wowu eya ŋutɔ, eye eyomedzelawo katã kaka gbẽe, eye nu nyui aɖeke medo tso eme o." data/train/ACT/ACT_013_Verse_014.mp3,"Esi wova ɖo du si woyɔna be Salamis me la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe, eye wogblɔ mawunya le afi ma. Yohanes nɔ wo ŋu abe kpekpeɖeŋunala ene." data/train/ACT/ACT_027_Verse_027.mp3,"Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wofɔ dɔwɔnu siwo katã le ʋua me la hã ƒu gbe ɖe ƒua me." data/train/ACT/ACT_022_Verse_019.mp3,"“Ke esi metso le anyigba la, mede dzesii be nyemegate ŋu nɔ nu kpɔm o le kekeli gã ma ta eya ta ame siwo le ŋunye la lém ɖɔɖɔɖɔ hekplɔm yi Damasko." data/train/ACT/ACT_007_Verse_040.mp3,"Mekpɔ fu gã si kpem vinyewo le le Egiptenyigba dzi, eye mese woƒe nublanuiɣli si dom wole la hã, eya ta meva be maɖe wo tso fukpekpe sia me. Va ne madɔ wò ɖe Egipte ne nàwɔ dɔ sia nam.’" data/train/ACT/ACT_005_Verse_019.mp3,"ke Anania tsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo hafi tsɔ mamlɛa vɛ na apostoloawo, nu si le nyanya me na srɔ̃a, Safira hã." data/train/ACT/ACT_024_Verse_004.mp3,"Bia ame siawo le afi sia fifia ŋutɔ be esi wokplɔm yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me ɖe, vodada ka wokpɔ le ŋunye mahã. Nu si megblɔ si ɖewohĩ" data/train/ACT/ACT_008_Verse_000.mp3,"Amewo dze eyome hoo, elabena enana be woƒe nu kuna to eƒe afakaka la me ɣeyiɣi didi aɖe." data/train/ACT/ACT_005_Verse_015.mp3,"Eya Mawu do ɖe dzi ɖe eƒe ɖusime be wòanye Fiavi kple Ɖela, be wòahe dzimetɔtrɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔke vɛ na Israel." data/train/ACT/ACT_010_Verse_032.mp3,"Meka ɖe edzi be mienya hã be Mawu da asi ɖe Yesu, Nazaretitɔ la dzi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, eye wòna ŋusẽ si na be wòte ŋu nɔ tsatsam henɔ dɔmenyo wɔm na amewo lae. Eda gbe le dɔnɔ siwo dzi Abosam ɖu la ŋu elabena Mawu nɔ kplii ɖaa.”" data/train/ACT/ACT_011_Verse_025.mp3,"Mese gbe aɖe wònɔ gbɔgblɔm nam be, ‘Petro, tsi tsitre. Wu lã siawo ne nàɖu.’" data/train/ACT/ACT_026_Verse_027.mp3,"Nu sia ke ko Israelviwo ƒe to wuieveawo katã hã le mɔ kpɔm na, hele kutri kum le subɔsubɔ wɔm zã kple keli gbe sia gbe ɖe eta. Gake Fia Agripa, le nye ya gome la, Yudatɔwo le nunye tsom be enye nu vɔ̃ mewɔ." data/train/ACT/ACT_013_Verse_049.mp3,"“Wò Abosam ƒe vi, ame vɔ̃ɖi, wò ameflula si léa fu nu nyui ɖe sia ɖe, ɣe ka ɣie nàdzudzɔ tsitretsitsi ɖe Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔe la ŋu?" data/train/ACT/ACT_025_Verse_026.mp3,"Paulo ɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, afi si wòle be wòadrɔ̃ ʋɔnum le sea nu le. Nyemewɔ vɔ̃ aɖeke Yudatɔwo o, abe ale si wò ŋutɔ nènya nyuie ene." data/train/ACT/ACT_003_Verse_003.mp3,"“Azɔ nɔviwo, menya be nu si miewɔ ɖe Yesu ŋu la, mienya hafi wɔe o. Nenema kee nye mia nunɔlawo hã." data/train/ACT/ACT_010_Verse_028.mp3,"Kornelio tsi tsitre, eye eya kple Petro wonɔ dze ɖom hege ɖe aƒea me, afi si ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖo." data/train/ACT/ACT_016_Verse_038.mp3,"Woɖo eŋu nɛ be, “Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, ekema wò kple wò aƒe blibo la miakpɔ xɔxɔ.”" data/train/ACT/ACT_018_Verse_011.mp3,"Esi Silas kple Timoteo tso Makedonia va ɖo Korinto ko la, Paulo ɖe asi le nu sia nu ŋu hetsɔ eɖokui na mawunyakaka kple ɖaseɖiɖi na Yudatɔwo be Yesue nye Kristo la." data/train/ACT/ACT_023_Verse_020.mp3,"Hoowɔwɔ la va de dzi blibo, eye asrafoawo ƒe amegã vɔ̃ be woava vuvu Paulo. Mlɔeba la, eɖe gbe na eƒe asrafowo be woakplɔ Paulo adzoe sesẽtɔe le wo gbɔ, ale wokplɔe gayi ɖe gaxɔa mee le asrafowo ƒe nɔƒe." data/train/ACT/ACT_004_Verse_022.mp3,"Gawu la, esi wònye be tekunɔ si ŋu woda gbe le hã nɔ tsitre ɖe wo dome ta la, nya aɖeke megale wo si woagblɔ o." data/train/ACT/ACT_013_Verse_035.mp3,"Le Kipro la, Saulo kple Barnabas wodze mɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖe Seleukia. Le afi sia la, woɖo tɔdziʋu heyi ɖe Kipro. Wokplɔ Marko Yohanes hã ɖe asi abe woƒe kpeɖeŋutɔ ene." data/train/ACT/ACT_025_Verse_011.mp3,"Gake hã la, nyemenya nya ka tututu maŋlɔ ɖo ɖe Fiagã la abe nutsotso le eŋu ene o, elabena wometsɔ nya gobii aɖeke ɖe eŋu o. Eya ta mekplɔe vɛ na mi katã, vevietɔ wò Fia Agripa, be nàbia gbee, eye to esia me makpɔ nane aŋlɔ tso eŋu." data/train/ACT/ACT_028_Verse_015.mp3,"Ke esi mekpɔ be Yudatɔwo mekpɔ dzidzɔ le ale si wodrɔ̃ ʋɔnua ŋu o, eye wotsi tsitsre ɖe nyametsotsoa ŋu vevie ta la, nye hã megblɔ na ʋɔnua be metsɔ nye nya de asi na Kaisaro le Roma be wòadrɔ̃ ʋɔnum." data/train/ACT/ACT_010_Verse_023.mp3,"Ke esi Petro ganɔ ta me bum le ŋutega la ŋu la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nɛ be, “Ame etɔ̃ aɖewo le diwòm le aƒea me," data/train/ACT/ACT_020_Verse_027.mp3,"Nu si dzɔ la metso dzika ƒo na Paulo kura o, ke boŋ eɖi ɖe anyigba, kɔ ɖekakpui la ɖe eƒe abɔwo me, eye wògblɔ na ameha la be, “Migawɔ ʋunyaʋunya o, naneke medzɔ ɖe edzi o. Egale agbe.”" data/train/ACT/ACT_014_Verse_005.mp3,"Enumake Zeus ƒe trɔ̃nua si ƒe nɔƒe le dua godo la tsɔ seƒoƒowo kple nunanawo fũu vɛ, eye wòwɔ dzadzraɖo be yeawu nyitsu gã aɖe atsɔ asa vɔe na wo le dua ƒe agbowo nu le ameha la ŋkume." data/train/ACT/ACT_017_Verse_018.mp3,Eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe be yeadzro nya me kple Yudatɔwo kple Helatɔ mawuvɔ̃lawo. Eƒo nu na ameha si le dua ƒe takpeƒe la hã gbe sia gbe. data/train/ACT/ACT_007_Verse_010.mp3,"“Esi Mose xɔ abe ƒe blaene ene la, ewɔ susu gbe ɖeka be yeaɖi tsa aɖakpɔ ye nɔvi Israelviwo ɖa." data/train/ACT/ACT_013_Verse_040.mp3,"Nu siawo yi edzi anɔ abe ƒe alafa ene blaetɔ̃ (450). Le esiawo megbe la, Mawu na ʋɔnudrɔ̃lawo ɖu dukɔa dzi va se ɖe Nyagblɔɖila Samuel dzi." data/train/ACT/ACT_014_Verse_014.mp3,"Ke esi apostoloawo, Barnabas kple Paulo see la, wodze woƒe awuwo, eye woƒu du ge ɖe ameawo dome eye wodo ɣli gblɔ na wo be," data/train/ACT/ACT_001_Verse_020.mp3,tso ɣeyiɣi si me Yohanes de mawutsi ta nɛ va se ɖe esime Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔe le mía gbɔ yi dziƒo. Wo dometɔ ɖeka nazu tsitretsitsi ƒe ɖaseɖila akpe ɖe mía ŋu.” data/train/ACT/ACT_018_Verse_006.mp3,"Edze nufiafia gɔme le ƒuƒoƒe la dzideƒotɔe. Esi Akwila kple Priskila se eƒe nyawo la, wokpee yi woƒe aƒe me heɖe Mawu ƒe nyawo me nɛ tsitotsito wu esi wònya tsã." data/train/ACT/ACT_010_Verse_008.mp3,"Esi mawudɔla la dzo teti ko la, Kornelio yɔ eƒe subɔla eve kple eya ŋutɔ ƒe asrafowo dometɔ ɖeka, ame si hã vɔ̃a Mawu la," data/train/ACT/ACT_026_Verse_024.mp3,"Mí katã míedze anyi. Enumake mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam le Hebrigbe me be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim ɖo? Afɔɖoɖo nutɔame dzi ɖe wòwɔa nu vevi ame.’" data/train/ACT/ACT_003_Verse_026.mp3,"Ɛ̃, miewu ame si nye Agbenala la gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Míawo la, míenye esia ƒe ɖaseɖilawo." data/train/ACT/ACT_018_Verse_002.mp3,"Ale Paulo dzo le ƒuƒoƒea, eye wòge ɖe aƒe aɖe si le ƒuƒoƒea ŋu la me, heyi ɖanɔ aƒea tɔ si woyɔna be Tito Yusto la gbɔ, ame si nye Mawusubɔla." data/train/ACT/ACT_010_Verse_045.mp3,"Ŋutega sia wɔ moya na Petro ŋutɔ. Mese egɔme o, eye kpɔ ɖa, ŋutsu siwo Kornelio dɔ ɖo ɖa la le Simɔn ƒe aƒe la ta biam hele tsitre le agbo la nu." data/train/ACT/ACT_025_Verse_024.mp3,Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋuti dɔ heka Paulo ƒe nya la ta nɛ. data/train/ACT/ACT_012_Verse_008.mp3,"Esi Petro va ɖo aƒea ƒe agbonu la, eƒo ʋɔa, eye dɔlanyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Roda la va be yeaʋui. Ke gbã la, ebia ame si nɔ ʋɔa ƒom la ƒe ŋkɔ ta se." data/train/ACT/ACT_005_Verse_004.mp3,Apostoloawo ɖe abla do go le takpexɔa me kple dzidzɔ blibo be wodo ŋukpe yewo le Yesu ƒe ŋkɔ ta. data/train/ACT/ACT_023_Verse_031.mp3,"Paulo yɔ asrafowo dometɔ ɖeka, eye wòbia tso esi be wòakplɔ ɖekakpui la yi asrafoawo ƒe amegã gbɔe, elabena nya aɖe le esi wòdi be yeagblɔ nɛ." data/train/ACT/ACT_021_Verse_025.mp3,"Le esia megbe la, míeƒo ƒu míaƒe agbawo, eye míedze Yerusalem mɔ." data/train/ACT/ACT_015_Verse_035.mp3,"Nyagblɔɖilawo ƒe nya sɔ kple nu siwo wogblɔ na mi abe ale si woŋlɔ ɖi ene be," data/train/ACT/ACT_016_Verse_006.mp3,"Enumake gaxɔdzikpɔla la bia akaɖi; eƒu du yi ɖe eme, eye wòdze klo ɖe Paulo kple Silas ƒe afɔ nu le dzodzom nyanyanya." data/train/ACT/ACT_010_Verse_006.mp3,"Ekpɔ anyigbadzilã afɔenewo, lã tatawo kple dziƒoxevi vovovowo le avɔ la dzi." data/train/ACT/ACT_008_Verse_010.mp3,"Esi apostolo siwo le Yerusalem se be mawunya ɖo Samaria la, woɖo Petro kple Yohanes ɖa be woaɖakpɔ ale si nuwo nɔ edzi yimii le afi ma ɖa." data/train/ACT/ACT_026_Verse_026.mp3,"Ne woato nyateƒe la, Yudatɔwo alɔ̃ ɖe edzi be menɔ agbe abe Farisitɔ adodoe ene, eye mewɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ ɣe sia ɣi." data/train/ACT/ACT_010_Verse_001.mp3,"Ale Petro ɖi ɖe anyigba. Ekpɔ amedzroawo, eye wògblɔ na wo be, “Nyee nye ame si dim miele. Nu ka miele diyem be mawɔ na mi?”" data/train/ACT/ACT_020_Verse_031.mp3,"Paulo megadi be yeatɔ ɖe Efeso azɔ o, be yemagblẽ ɣeyiɣi le Asia o. Ke edi be ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem kaba, aɖu Pentekoste ŋkeke la le afi ma." data/train/ACT/ACT_021_Verse_009.mp3,"Esi míelɔ̃ gbe vɔ la, Paulo gblɔ ale si Mawu wɔ dɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o domee to eya Paulo ƒe dɔwɔwɔ me la na wo." data/train/ACT/ACT_017_Verse_013.mp3,"Esi wosee wògblɔ nya tso fɔfɔ tso ame kukuwo dome ŋu la, nyasela aɖewo koe ŋutɔ, ke ame bubuwo gblɔ be, “Míedi be míagase nya sia ɣe bubu ɣi”" data/train/ACT/ACT_023_Verse_019.mp3,"Gbe ɖeka la, Yudatɔwo lé ŋutsu sia, eye wonɔ eƒom be yewoawui, ke esi mese be Romatɔ wònye la, meɖo asrafowo ɖa woɖaxɔe le wo si." data/train/ACT/ACT_015_Verse_002.mp3,"Ame dɔdɔ eve siawoe nye Yuda kple Sila, ame siwo tsɔ woƒe agbe ke faa na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo." data/train/ACT/ACT_015_Verse_006.mp3,"Barnabas lɔ̃, ke edi be yewoakplɔ Yohanes si woyɔna be Marko la akpe ɖe yewo ɖokui ŋu." data/train/ACT/ACT_011_Verse_019.mp3,"“Ke megase gbeɖiɖi la tso dziƒo wògblɔ nam be, ‘Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o!’" data/train/ACT/ACT_008_Verse_002.mp3,"Biblia ƒe akpa si xlẽm wònɔ la gblɔ be, “Wokplɔe abe alẽvi ene yina wuwu ge, eye abe ale si alẽvi nɔa anyi kpoo ne wole eƒe fũwo sẽm ene la, nenema ke eya hã wɔ, meke nu kura o." data/train/ACT/ACT_017_Verse_008.mp3,"elabena esi menɔ tsa ɖim le miaƒe dua me la, mekpɔ miaƒe nu subɔsubɔwo. Ke mekpɔ vɔsamlekpui aɖe si ŋuti woŋlɔ ɖo be, mawu si mienya o la tɔe. Mawu si miesubɔna le manyamanya me la ƒe nyae metsɔ vɛ na mi." data/train/ACT/ACT_013_Verse_048.mp3,"Paulo ƒe nya sia do dzidzɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wokafu Mawu. Wo dometɔ siwo Mawu ŋutɔ tia da ɖi na agbe mavɔ la xɔe se." data/train/ACT/ACT_025_Verse_027.mp3,"Wodze agbagba bia amenuveve tso Festus gbɔ be wòaɖo Paulo ɖe Yerusalem enumake kple susu be, yewoabe ɖe mɔa dzi awui." data/train/ACT/ACT_028_Verse_018.mp3,"Ke Paulo ʋuʋu da la le alɔnu ɖe dzo bibi la me, eye naneke mewɔe o." data/train/ACT/ACT_010_Verse_030.mp3,"Kornelio ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Egbee nye ŋkeke enelia, esi menɔ gbe dom ɖa le gaƒoƒo sia me tututu abe ale si mewɔna ɖaa ene. Ame aɖe si do awu ɣi si nɔ dzo dam la va do ɖe ŋkunyeme." data/train/ACT/ACT_013_Verse_033.mp3,"Le esia megbe la, Mawu tsrɔ̃ dukɔ adre sɔŋ le Kananyigba dzi, eye wòtsɔ anyigba sia na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene." data/train/ACT/ACT_015_Verse_007.mp3,"be miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo ɖuɖu, eye miatsri ahasiwɔwɔ hã. Ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nu siawo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe." data/train/ACT/ACT_016_Verse_035.mp3,Wogblɔ Aƒetɔ la ƒe nya na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã. data/train/ACT/ACT_014_Verse_019.mp3,"Le woƒe nuwɔnawo ta la, wona ŋkɔ Barnabas be Zeus, eye woyɔ Paulo be Hermes, elabena eyae nye ame si nɔ nu ƒom geɖe wu." data/train/ACT/ACT_003_Verse_007.mp3,"Esi Petro kpɔ esia la, egblɔ na wo be, “Israeltɔwo, nu ka ta nuwɔna sia wɔ nuku na mi? Nu ka ta mile mía kpɔm abe míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ alo míaƒe kɔkɔenyenye tae míete ŋu da gbe le ame sia ŋu, ale be wòte ŋu le zɔzɔm ɖo mahã?”" data/train/ACT/ACT_013_Verse_018.mp3,eye wòɖe eɖokui fia ame siwo nɔ eŋu tso Yerusalem yi Galilea la zi geɖe. Ame siawo ɖi ɖase le eƒe tsitretsitsi ŋu ɖaa le dutoƒo le teƒe geɖewo. data/train/ACT/ACT_014_Verse_016.mp3,"Ke le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Yudatɔ aɖewo gatso Antioxia kple Ikonio va do ɖe Listra, eye wogade ʋunyaʋunya dua me tɔwo me ɖe Paulo ŋu. Amehawo ho ɖe Paulo ŋu, ƒu kpee va se ɖe esime wòku ƒenyi, eye wohee do goe le dua me, elabena wobu be eku." data/train/ACT/ACT_001_Verse_001.mp3,"Ame eve siawo gblɔ na wo bena, “Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene.”" data/train/ACT/ACT_026_Verse_029.mp3,"Paulo ɖo eŋu be, “Anye nye didi vevie be togbɔ be nye nyawo meɖi naneke o hã la, Mawu ana wò kple ame sia ame si aɖo tom egbe la natrɔ zu abe ame si menye ene, ke menye to fukpekpe me abe ale si mele babla me ene o.”" data/train/ACT/ACT_008_Verse_022.mp3,"Filipo tso heyi abe ale si wogblɔ nɛ la ene; eye kasia ekpɔ Etiopia ŋutsu aɖe, si nye fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ kple gadzikpɔla gã la. Etso Yerusalem, afi si wòɖawɔ subɔsubɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la me le," data/train/ACT/ACT_007_Verse_032.mp3,"Le ƒe aɖewo megbe la, esi Yosua va zu kplɔla, eye wòho aʋa ɖe dukɔwo ŋu la, wokɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si wonɔ la, eye wowɔ eŋuti dɔ va se ɖe Fia David ŋɔli." data/train/ACT/ACT_018_Verse_012.mp3,"Esi wova ɖo Efeso la, Paulo gblẽ Akwila kple Priskila ɖe tɔdziʋu la me, eye wòyi ɖe dua me be yeadzro nya me kple Yudatɔ siwo le afi ma la le woƒe ƒuƒoƒe." data/train/ACT/ACT_013_Verse_005.mp3,"Azɔ Mawu ahe to na wò, eya ta wò ŋkuwo agbã, ale be màgate ŋu akpɔ ɣe ƒe keklẽ o hena ɣeyiɣi aɖe.” Enumake Elima ƒe ŋku dzi tsyɔ̃ eye wòde asi asitsatsa le yame me henɔ kuku ɖem be ame aɖe nalé yeƒe alɔnu afia mɔ ye." data/train/ACT/ACT_027_Verse_030.mp3,"Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo. Le ɣeyiɣi siawo me la, ƒudzimɔzɔzɔ yi didiƒewo menɔ bɔbɔe o, elabena ƒea wu enu vɔ, eye ɣeyiɣi sia mee ahom sesẽwo tuna le ƒu dzi. Paulo kpɔe dze sii alea, ale wòyɔ tɔdziʋua kulawo hegblɔ na wo be," data/train/ACT/ACT_019_Verse_028.mp3,"Mlɔeba la, dua ƒe agbalẽŋlɔla la ble wo nu wozi ɖoɖoe, ale wòƒo nu na wo gblɔ be, “Efesotɔwo, ame sia ame nya be Efeso du siae nye trɔ̃ gã Artemis si ge tso dziƒo la ƒe du gã." data/train/ACT/ACT_010_Verse_031.mp3,"Meka ɖe edzi be miawo hã miese nyanyui si wohe vɛ na Israelviwo la, be Yesu Kristo he tomefafa va amegbetɔwo kple Mawu dome eye Yesu Kristoe nye xexea me katã ƒe Aƒetɔ." data/train/ACT/ACT_008_Verse_009.mp3,"Enya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me, eye ne wodo go le ameawo me alea la, wonɔa ɣli dom sesĩe. Eyɔ dɔ tekunɔwo kple lãmetututɔwo." data/train/ACT/ACT_007_Verse_058.mp3,"Yosef dɔ nɔviawo be ne woyi la, woakplɔ ye fofo Yakob, ye nɔviwo kple woƒe ƒometɔwo katã, ame siwo ƒe xexlẽme nɔ ame blaadre-vɔ-atɔ̃ la vɛ na ye le Egipte." data/train/ACT/ACT_008_Verse_023.mp3,"Filipo wɔ nukunu geɖewo le Samaria, eya ta amewo va ɖoa toe ɣe sia ɣi." data/train/ACT/ACT_007_Verse_026.mp3,"“Ke nublanuitɔe la, mía tɔgbuiwo gbe nu le Mose gbɔ, eye wodi be yewoatrɔ ayi Egipte." data/train/ACT/ACT_024_Verse_020.mp3,"medze be magblɔ hafi o koe nye be, ‘Nu si ta wokplɔm va mia dome le takpekpe gã sia me ɖo lae nye be mexɔe se be ame siwo katã ku la agafɔ ɖe tsitre tso ku me!’ ”" data/train/ACT/ACT_006_Verse_003.mp3,"Aʋatsoɖaseɖila siawo va ɖi ɖase le eŋu le ʋɔnua be, “Ame sia ƒe nuƒoƒo tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔe la kple Mose ƒe sewo ŋu ɣe sia ɣi.”" data/train/ACT/ACT_025_Verse_005.mp3,"Esi mese woƒe nyawo la, metɔtɔ ŋutɔ, elabena nyemenya ale si madrɔ̃ nya sia ƒomevie o. Mebia Paulo be alɔ̃ be woadrɔ̃ nya sia le Yerusalem hã?" data/train/ACT/ACT_011_Verse_006.mp3,"Esi Hame si le Yerusalem la se nu si le edzi yim la, woɖo Barnabas ɖe Antioxia be woaɖakpe ɖe xɔsetɔ yeyeawo ŋu." data/train/ACT/ACT_019_Verse_040.mp3,"Yudatɔ aɖewo kpɔ Aleksandro le ameawo dome, eye enumake wohee do goe wòva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume. Ekɔ asi dzi, eye ɖoɖoe zi, ale wòde asi nuƒoƒo me na wo." data/train/ACT/ACT_009_Verse_027.mp3,"Mawu gblɔ nɛ be, “Tso nàyi ablɔ si woyɔna be, ‘Mɔ Dzɔdzɔe’ la dzi, eye nàdi ŋutsu aɖe si woyɔna be Yuda la ƒe aƒe me. Ne èkpɔe la, bia ŋutsu aɖe si woyɔna be Saulo tso Tarso la ta se le afi ma. Le gaƒoƒo sia me la, ele klo dzi le gbe dom ɖa nam vevie," data/train/ACT/ACT_017_Verse_027.mp3,"Paolo ɖe eme, eye wòɖo kpe edzi na wo be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòatsi tsitre tso ame kukuwo dome. Eyi edzi be, “Yesu si ƒe nya gblɔm mele na mi lae nye Kristo la.”" data/train/ACT/ACT_010_Verse_035.mp3,"Nɔvi xɔsetɔ siwo tso aʋatsotso la me, ame siwo va kple Petro la ƒe mo wɔ yaa, be wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe ame siwo menye Yudatɔwo gɔ̃ hã dzi," data/train/ACT/ACT_023_Verse_006.mp3,"Azɔ mɔmefia la gblɔ nɛ be, “Maɖo to wò nyawo katã nenye be nuwòtsolawo va ɖo.” Ale wòɖe gbe be woaɖatui ɖe gaxɔ me le Fia Herod ƒe fiasã me." data/train/ACT/ACT_021_Verse_002.mp3,"Ame aɖeke mete ŋu na ŋuɖoɖo gobii aɖeke o, elabena ame sia ame nɔ ɣli dom nɔ nya si dze eŋu la gblɔm. Le esia ta la, asrafowo ƒe amegã la ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi ɖe asrafowo ƒe nɔƒee." data/train/ACT/ACT_007_Verse_005.mp3,‘Alo ɖe nèdi be yeaƒo nye hã awu abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?’ data/train/ACT/ACT_021_Verse_038.mp3,"(Wogblɔ esia, elabena wokpɔ Paulo wònɔ zɔzɔm kple Trofimo si tso Efeso le Terki la, le ablɔ dzi, eya ta wosusu be Paulo kplɔe yi gbedoxɔ la mee.)" data/train/ACT/ACT_019_Verse_018.mp3,Ewɔ nu sia ƒe eve sɔŋ ale be Yudatɔwo kple Grikitɔ siwo katã le Asia la katã se Aƒetɔ la ƒe nya la. data/train/ACT/ACT_008_Verse_015.mp3,"Esi wòɖe abla te ɖe tasiaɖam la ŋu, eye wòse be ele Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm la, Filipo biae be, “Èse nu si xlẽm nèle la gɔmea?”" data/train/ACT/ACT_023_Verse_026.mp3,"Miawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, miwɔ abe ɖe miedi be yewoagabia gbe Paulo ene, ale be miabia asrafowo ƒe amegã ne wòakplɔe va takpekpe gã la me. Míawo la, míade xa ɖe mɔa dzi, eye ne wokplɔ Paulo gbɔnae la, míadzo adze edzi, awui.”" data/train/ACT/ACT_003_Verse_023.mp3,"“Vavã nyagblɔɖilawo katã, tso Samuel ŋɔli va ɖo fifia hã ƒo nu tso nu siwo le dzɔdzɔm egbegbe la ŋu." data/train/ACT/ACT_023_Verse_018.mp3,"Gake mègawɔe o, elabena Yudatɔ blaene aɣla wo ɖokuiwo ɖe mɔa dzi be ne Paulo va yina la, yewoalée awu. Woka atam na wo ɖokuiwo be, ne Paulo meku o la, yewomaɖu nu alo ano tsi hã o, eya ta wode xa ɖe mɔa dzi fifi laa hã xoxo.”" data/train/ACT/ACT_010_Verse_041.mp3,"Wova ɖo Kaesarea le ŋkeke evea gbe. Kornelio nɔ mɔ kpɔm na wo vevie, eye wòyɔ eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã be woava do gbe na Petro." data/train/ACT/ACT_009_Verse_009.mp3,Enɔ dua me ŋkeke etɔ̃ numaɖumaɖu kple tsimanomanoe. data/train/ACT/ACT_002_Verse_014.mp3,"Esi wose ɣli si nɔ ɖiɖim le afi si nusrɔ̃lawo nɔ la, ame geɖewo fũu ɖe abla va teƒea. Ame siawo ƒe nu ku ŋutɔ, elabena ame sia ame see wonɔ eƒe degbe gblɔm." data/train/ACT/ACT_011_Verse_018.mp3,"Ke esi Petro trɔ va ɖo Yerusalem la, xɔsetɔ siwo tso aʋa la he nya ɖe eŋu vevie." data/train/ACT/ACT_013_Verse_009.mp3,"“Esi David wɔ eƒe agbemedɔ vɔ abe ale si Mawu dii ene la, eku, woɖii ɖe fofoawo dome, eye eƒe ŋutilã ƒaƒã ɖe tome." data/train/ACT/ACT_018_Verse_016.mp3,"Gbe ɖeka ƒe zã me la, Mawu ƒo nu na Paulo le ɖeɖefia me be, “Mègavɔ̃ o; nɔ nya la gbɔgblɔ dzi, eye mègazi ɖoɖoe o," data/train/ACT/ACT_013_Verse_022.mp3,"“Israel dukɔ sia ƒe Mawu tia míaƒe dukɔ sia, eye wòde bubu eŋu. Eɖee tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi bubutɔe." data/train/ACT/ACT_012_Verse_010.mp3,"Esi wòƒo nu vɔ la, amehawo do ɣli kple dzidzɔ heda ŋkɔ ɖe edzi be, “Eƒo nu abe mawu aɖe ene, eye menye abe amegbetɔ ene o.” Esia na be dzi dzɔ Herodes ŋutɔ, eye wòkɔ eɖokui ɖe dzi hlodzoo." data/train/ACT/ACT_003_Verse_025.mp3,"Ɛ̃, abe ale si nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔe da ɖi xoxoxo ene la, ele be Yesu nanɔ dziƒo va se ɖe esime Mawu naɖɔ nu sia nu ɖo keŋkeŋkeŋ." data/train/ACT/ACT_024_Verse_011.mp3,"Felix nɔ mɔ kpɔm be Paulo ana zãnu ye, eya ta eyɔe zi geɖe henɔ nya me dzrom kplii." data/train/ACT/ACT_013_Verse_002.mp3,"Ame sia nye dɔtsɔla na mɔmefia si le afi ma si woyɔna be Sergio Paulo. Mɔmefia la nye ame si ƒe tagbɔ kɔ, eye wòdɔ woyi ɖayɔ Barnabas kple Saulo, elabena edi be yease Mawu ƒe nya." data/train/ACT/ACT_009_Verse_004.mp3,"be wòana agbalẽ si ana ŋusẽ ye, ale be yeayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe siwo le Damasko ne woakpe ɖe ye ŋu be yeate ŋu alé xɔsetɔ siwo katã le teƒe siawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ade ga wo, eye yeakplɔ wo va Yerusalem." data/train/ACT/ACT_013_Verse_038.mp3,"Mikpɔ nyuie, be nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ la nagaɖi mia ŋu o." data/train/ACT/ACT_008_Verse_013.mp3,"Esi wòdo tso tsia me teti ko la, Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kɔ Filipo dzoe, ale be Etiopia ŋutsu la megakpɔe o, ke eya hã dze aƒemɔ dzi kple dzidzɔ." data/train/ACT/ACT_009_Verse_040.mp3,"Saulo yi eƒe mawunyagbɔgblɔ dzi kple ŋusẽ, ale be Yudatɔ siwo nɔ Damasko la mete ŋu tsi tsitre ɖe eƒe nya siwo ɖee fia kɔtɛe be Yesue nye Kristo la ŋu o." data/train/ACT/ACT_004_Verse_030.mp3,"Takpekpea me nɔla aɖewo nye Anas si nye nunɔlagã, Kayafa, Yohanes, Aleksandro kple nunɔlagã ƒe ƒometɔ aɖewo." data/train/ACT/ACT_020_Verse_026.mp3,Miawo ŋutɔ mienya ale si metsɔ nye asi wɔ dɔ hedi nye ŋutɔ kple nye kpeɖeŋutɔwo ƒe nuhiahiãwoe. data/train/ACT/ACT_024_Verse_002.mp3,"Anɔ abe ŋkeke wuieve koe nye esi ene, meva ɖo Yerusalem be mawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ me." data/train/ACT/ACT_009_Verse_025.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me tututu la, nyɔnu sia dze dɔ, eye wòku. Wodzra eƒe kukua ɖo, eye woɖoe aba dzi le dziƒoxɔ aɖe dzi." data/train/ACT/ACT_027_Verse_008.mp3,"Elabena le zã si va yi me la, nye Mawu si mesubɔna la ɖo eƒe dɔla ɖe gbɔnye wòva gblɔ nam be," data/train/ACT/ACT_015_Verse_016.mp3,"Hekpe ɖe agbalẽa ŋu la, Yuda kple Silas, ame siwo hã nye nyagblɔɖilawo la gaƒo nu geɖe na hame la hedo ŋusẽ woƒe xɔse." data/train/ACT/ACT_023_Verse_032.mp3,"Paulo ƒe nyruiyɔvi la gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, Yudatɔwo aɖo ame ɖe gbɔwò be nàkplɔ Paulo va yewoƒe takpekpe gã la ŋkumee be yewoagabia gbee." data/train/ACT/ACT_015_Verse_033.mp3,"Míese be xɔsetɔ aɖewo, siwo tso mía gbɔ le afi sia la va mia dome, eye wova gblɔ nya aɖewo, siwo ɖe fu na miaƒe susu, eye woʋuʋu miaƒe xɔse kple ɖeɖekpɔkpɔ. Míedi be mianya be menye míawoe dɔ ame siawo ɖo ɖe mi o." data/train/ACT/ACT_026_Verse_030.mp3,"Paulo ɖo eŋu be, “Bubume Festus, nye tagbɔ meflu o, ke boŋ nya siwo megblɔ la nye nyateƒe matrɔmatrɔ sɔŋ ko." data/train/ACT/ACT_019_Verse_037.mp3,"Takpekpe la ŋutɔ tɔ zi kɔtɔɔ. Ame sia ame nɔ ɣli dom, nɔ nya sia nya ƒomevi si dze eŋu la gblɔm. Vavã, wo dometɔ geɖe hã menya nu si tututu ta wova ƒo ƒu ɖe afi ma ɖo gɔ̃ hã o." data/train/ACT/ACT_013_Verse_016.mp3,"Esi Yohanes nɔ eƒe dɔ nu wum la, ebia amewo be, ‘Ɖe miebu be nyee nye Kristo la mahã? Kpao menye nyee o. Ame si gbɔna la tri akɔ wum. Nyemedze ne matu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o.’" data/train/ACT/ACT_010_Verse_044.mp3,"Yohanes Mawutsidetanamela dze nyanyui sia kaka gɔme tso Galilea, eye wòkaka ɖe Yudea nuto blibo la katã me." data/train/ACT/ACT_013_Verse_050.mp3,"Wogayi edzi wɔ nutsitsidɔ hedo gbe ɖa ɣeyiɣi aɖe, eye le esia megbe la, woda asi ɖe Barnabas kple Saulo dzi, do gbe ɖa ɖe wo ta, eye wodo mɔ wo be woayi." data/train/ACT/ACT_013_Verse_051.mp3,"Wogblɔe be, “ ‘Mi ame siwo doa vlo nyateƒe la, mike ŋku ɖi miakpɔ nu ʋuu va se ɖe esime miatsrɔ̃. Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne wogblɔe na wò la màxɔe ase o.’ ”" data/train/ACT/ACT_022_Verse_018.mp3,"Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be nànye eƒe ɖaseɖila na amewo katã, eye nàgblɔ nu siwo nèkpɔ kple nu siwo nèse la hã na amewo." data/train/ACT/ACT_014_Verse_006.mp3,"Esi ameha la kpɔ nukunu si Paulo wɔ la, wodo ɣli le Likaoniagbe me be “Mawuawo ɖi va mía gbɔ le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me!”" data/train/ACT/ACT_020_Verse_028.mp3,Nu si ko Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nam le du sia du mee nye be fukpekpe kple gamenɔnɔ nye nu siwo wòle be makpɔ mɔ na. data/train/ACT/ACT_013_Verse_046.mp3,"Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Hafi Yesu sia nava la, ame aɖe va do ŋgɔ nɛ si nye Yohanes Mawutsidetanamela. Ame sia gblɔ mawunya be ehiã be Israelviwo katã nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu." data/train/ACT/ACT_017_Verse_017.mp3,"eye le esime naneke mehiãnɛ o ta la, amegbetɔ mate ŋu awɔ naneke nɛ o. Ke eya boŋ naa agbe kple gbɔgbɔ amegbetɔ, eye wònaa nu ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu." data/train/ACT/ACT_005_Verse_010.mp3,"Enumake Safira hã mu dze anyi heku ɖe Petro ƒe afɔ nu eye esi ɖekakpuiawo va kpɔ eƒe kukua le anyigba la, wokɔ eya hã ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa." data/train/ACT/ACT_007_Verse_027.mp3,"Ke Stefano, ame si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu la li eƒe ŋkuwo ɖe dzi gãa, ekpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe gã la, eye Yesu nɔ tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime." data/train/ACT/ACT_010_Verse_000.mp3,"Ale Petro de mawutsi ta na wo le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. Le esia megbe la, Kornelio ɖe kuku na Petro be wòanɔ yewo gbɔ ŋkeke aɖewo hafi adzo." data/train/ACT/ACT_006_Verse_014.mp3,"Nya sia me kɔ na hame la katã eya ta wotia ame adreawo, siwoe nye: Stefano, ame si ƒe xɔse de to, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu, Filipo, Prokoro kple Nikano. Bubuawoe nye: Timon, Parmena kple Nikolas tso Antioxia, ame si nye trɔ̃subɔla si va zu Yudatɔ." data/train/ACT/ACT_007_Verse_030.mp3,"Le nyateƒe me la, woyɔ Aron hegblɔ nɛ be, ‘Nɔvi, me legba siwo anye míaƒe mawu siwo akplɔ mí agbugbɔ yi Egipte la na mí, elabena míenya nu si dzɔ ɖe Mose si kplɔ mí dzoe le Egiptenyigba dzi la dzi o.’" data/train/ACT/ACT_015_Verse_031.mp3,"Mede vovototo aɖeke mí kple woawo dome o, elabena eɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖa to xɔse me abe míawo ke ene." data/train/ACT/ACT_013_Verse_045.mp3,"Paulo tsi tsitre heɖo asi wo dzi, eye wògblɔ na wo be, “Israel ŋutsuwo kple ame sia ame si le afi sia si vɔ̃a Mawu la, miɖo tom!" data/train/ACT/ACT_023_Verse_001.mp3,"Ame siwo nɔ tsitre ɖe Paulo gbɔ la do ɣli ɖe eta be, “Mɔ kae nèkpɔ be nànɔ Mawu ƒe nunɔlagã la dzum alea?”" data/train/ACT/ACT_023_Verse_011.mp3,"Esi mɔmefiagã la xlẽ agbalẽ la vɔ la, ebia du si me tɔ Paulo nye lae eye Paulo ɖo eŋu be, “Metso Kilikia.”" data/train/ACT/ACT_003_Verse_019.mp3,"Mose hã gblɔe xoxo be, ‘Ɣeyiɣi gbɔna, esi Yehowa wò Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome, tso mia nɔviwo dome abe nye Mose pɛpɛpɛ ene. Anyo na mi be miaɖo to nu sia nu si wòagblɔ na mi," data/train/ACT/ACT_009_Verse_020.mp3,"Ke Barnabas kplɔ Saulo va apostoloawo gbɔe. Eƒo nu na wo tso ale si Saulo kpɔ Aƒetɔa le Damasko mɔ dzi, nya siwo wògblɔ nɛ kple ale si Saulo gblɔ mawunya kple ŋusẽ tɔxɛ le Yesu ƒe ŋkɔ me la ŋu na wo." data/train/ACT/ACT_010_Verse_013.mp3,"Eya kple eƒe ƒometɔwo katã nye Mawuvɔ̃la vavãwo. Enaa nu ame siwo le hiahiã me fũu, eye wòdoa gbe ɖa na Mawu atraɖii." data/train/ACT/ACT_022_Verse_024.mp3,"“Mebia be, ‘Aƒetɔ, wò ame kae le nu ƒom nam?’ “Gbea ɖo eŋu be, ‘Nyee nye Yesu, Nazaretitɔ, ame si yome tim nèle.’" data/train/ACT/ACT_024_Verse_025.mp3,"Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Menɔ gbedzi ƒe geɖe, eye metrɔ va Yerusalem, hetsɔ ga ɖe asi be mava kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, eye masa vɔ na Mawu hã." data/train/ACT/ACT_005_Verse_031.mp3,"Nya sia ʋuʋu gbedoxɔdzikpɔlawo ƒe amegã kple nunɔlagãwo ŋutɔ, eye woƒe dzi gbã. Womenya nu si tututu ava dzɔ ɖe esia yome o, eye womenya ɣe ka ɣi tututu hã nu siawo nu ava yi o." data/train/ACT/ACT_021_Verse_017.mp3,"“Israelviwo, mixɔ na mí loo! Ame siae tsi tsitre ɖe Yudatɔwo ŋu, eye wònɔ gbɔgblɔm na amewo be womegawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi o. Gawu la, edo vlo míaƒe gbedoxɔ la hã, eye wòkplɔ Helatɔwo yi míaƒe gbedoxɔ mee be yeaɖi gbɔ̃ teƒe kɔkɔe sia.”" data/train/ACT/ACT_013_Verse_021.mp3,"Gbe ɖeka la, esi ame siawo nɔ Aƒetɔ la subɔm, nɔ nu tsim nɔ dɔdɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be, “Mitia Barnabas kple Saulo be woaɖawɔ dɔ tɔxɛ si ta meyɔ wo ɖo la nam.”" data/train/ACT/ACT_024_Verse_008.mp3,"eye le esia ta la, medzea agbagba wɔa nye dzitsinya ŋuti dɔ nyuie be nye agbenɔnɔ nadze Mawu kple amegbetɔwo ŋu.”" data/train/ACT/ACT_017_Verse_029.mp3,"Paulo yi ƒuƒoƒe sia abe ale si wòwɔna ɖaa ene, eye Dzudzɔgbe etɔ̃ katã wòyi ɖaɖe mawunya me na ameawo." data/train/ACT/ACT_011_Verse_005.mp3,"Esi Barnabas kpɔ nu gã siwo Mawu wɔ le Antioxia la, dzi dzɔe ŋutɔ. Egado ŋusẽ xɔsetɔawo be woayi edzi alé ɖe Mawu ŋu goŋgoŋgoŋ nenye be nya sia nya le dzɔdzɔm hã." data/train/ACT/ACT_006_Verse_007.mp3,"Esime xɔsetɔawo ƒe xexlẽme va nɔ dzidzim ɖe edzi atraɖii ta la, liʋĩliʋĩlilĩ aɖewo va nɔ ta dom ɖa le wo dome. Xɔsetɔ siwo doa Grikigbe la tsɔ nya ɖe xɔsetɔ siwo doa Hebrigbe la ŋuti be ne wole gbe sia gbe nuɖuɖu nam la, sue aɖe koe wonaa ahosi siwo doa Grikgbe." data/train/ACT/ACT_017_Verse_006.mp3,"Bereatɔwo ɖɔ ʋu wu Tesalonikatɔwo, elabena woɖo to Paulo ƒe nyagbɔgblɔ kple dzidzɔ. Woawo ŋutɔwo hã nɔa mawunya la me dzrom ɣe sia ɣi be yewoakpɔe ɖa be nyateƒenya gblɔm Paulo nɔ mahã." data/train/ACT/ACT_020_Verse_022.mp3,"Medi be magblɔ na mi kɔtɛe be womele ame aɖeke ƒe ʋu bia ge tso asinye o," data/train/ACT/ACT_016_Verse_011.mp3,"Esia ta míede mawutsi ta na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã, eye emegbe la, ekpe mí be míava dze yeƒe aƒe me. Lidia gblɔ na mí be, “Ne miexɔe se tututu be menye Aƒetɔ la dzixɔsela vavã la, ekema miva dze gbɔnye.” Eƒoe ɖe mía nu ʋuu va se ɖe esime míelɔ̃ ɖadze egbɔ." data/train/ACT/ACT_005_Verse_026.mp3,"Le eya megbe la, ame bubu hã gava do le amexexlẽŋkekewo me. Ame sia nye Yuda si tso Galilea. Eya hã dze agbagba he amewo ɖe eɖokui ŋu abe eƒe nusrɔ̃lawo ene, gake eya hã va ku eye eyomedzelawo kaka.”" data/train/ACT/ACT_003_Verse_000.mp3,Ale Petro do asi ɖa lé tekunɔ la ƒe alɔnu be wòatsi tsitre. Kasia tekunɔ la kpɔ be ŋusẽ ɖo yeƒe afɔ kple drikame ŋu. data/train/ACT/ACT_007_Verse_054.mp3,"Stefano ɖo eŋu be, “Nɔviwo kple fofowo miɖo tom. Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ŋutɔ ɖe eɖokui fia mía tɔgbui Abraham le esime wònɔ Mesopotamia hafi wòva yi Haran." data/train/ACT/ACT_025_Verse_010.mp3,"Festus ɖo eŋu be, “Esi Paulo le gaxɔ me le Kaesarea, eye nye hã mele afi ma yi ge kpuie la," data/train/ACT/ACT_013_Verse_043.mp3,"Nyanyui sia gblɔm míele na mi; ŋugbe si Mawu do na mía fofowo," data/train/ACT/ACT_007_Verse_018.mp3,"eye wokɔ Yakob kple viawo va Sikem, eye woɖi wo ɖe yɔdo si Abraham ƒle le Hamor ƒe viwo gbɔ la me." data/train/ACT/ACT_007_Verse_022.mp3,"Ke ‘fia bubu va zi dzi le Egipte, ame si menya naneke tso Yosef ŋu o.’" data/train/ACT/ACT_024_Verse_001.mp3,Ame siwo le nunye tsom la mekpɔm menɔ nya hem kple ame aɖeke le gbedoxɔ la me alo de zitɔtɔ ameha aɖewo dome le ƒuƒoƒe aɖeke alo le dua ƒe akpa aɖeke o. data/train/ACT/ACT_017_Verse_015.mp3,"Esi ŋkekea ɖo la, Paulo tsi tsitre ɖe ameha la titina le Areopago la dzi heƒo nu gblɔ na wo be, “Nɔvinye Atenetɔwo, edze nam ƒãa be mienye ame siwo kpɔa dzidzɔ le mawuvɔvɔ̃ ŋu ŋutɔ," data/train/ACT/ACT_016_Verse_000.mp3,"Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi henɔ tsatsam le duwo me. Afi sia afi si woɖo la, wogblɔa nya siwo dzi apostolowo kple hamemegãwo ɖo kpee le Yerusalem la na wo be woalé wo me ɖe asi." data/train/ACT/ACT_008_Verse_034.mp3,“Mina ŋusẽ sia nye hã ale be ame sia ame si dzi mada asi ɖo la naxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.” data/train/ACT/ACT_007_Verse_036.mp3,"Mawu gagblɔ na Abraham be, ‘Wò dzidzimeviwo adzo le anyigba la dzi aɖanɔ dzronyigba aɖe dzi ƒe alafa ene sɔŋ abe kluviwo ene." data/train/ACT/ACT_007_Verse_041.mp3,"“Mi tosesẽtɔ siawo, ɖe wòle be miasẽ dzime atsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ɣe sia ɣia? Ɛ̃, Alea tututu mia tɔgbuiwo wɔe nye esi, eye eya ƒomevi ko wɔm miawo hã miele." data/train/ACT/ACT_012_Verse_020.mp3,"Petro nɔ tsitre, bu ta me sẽe, eye wòɖoe be yeayi Maria si nye Marko Yohanes dada la ƒe aƒe me, afi si hametɔ geɖewo ƒo ƒu ɖo, henɔ gbe dom ɖa le." data/train/ACT/ACT_012_Verse_002.mp3,"Ameawo mexɔ nyɔnuvi la ƒe nya sia dzi se o eye ame aɖewo gblɔ nɛ gɔ̃ hã be, “Ewɔ abe ɖe wò susu da ene.” Ke eganɔ gbe tem ɖe edzi na ameawo be Petro ƒe gbee yese. Ale wogblɔ be, “Ɖewohĩ eƒe mawudɔlae.”" data/train/ACT/ACT_002_Verse_022.mp3,"Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũu, eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete wo ene." data/train/ACT/ACT_019_Verse_029.mp3,"Ne nya bubu aɖe gali la, ekema woate ŋu ayi dutakpekpea me aɖalée kpɔ." data/train/ACT/ACT_003_Verse_014.mp3,"Le nubabla sia ta, esi Mawu ɖo eƒe dɔla ɖe xexea me la, eɖoe ɖe mia gbɔ gbã be wòayra mi, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ.”" data/train/ACT/ACT_024_Verse_006.mp3,"Ede se be woakplɔ Paulo ayi gaxɔa me, gake woakpɔ edzi nyuie. Woaɖe mɔ faa be exɔlɔ̃wo nava kpɔe ɖa, eye woate ŋu atsɔ nunanawo vɛ nɛ faa, be eƒe dzi nadze eme." data/train/ACT/ACT_020_Verse_013.mp3,Eya ta minɔ ŋudzɔ! Miɖo ŋku ƒe etɔ̃ siwo menɔ mia dome la dzi. Miɖo ŋku ale si mekpɔa mia dzi zã kple keli kple ale si mexlɔ̃a nu mi kple aɖatsi zi geɖe la dzi. data/train/ACT/ACT_002_Verse_028.mp3,"Ke fifia la, Mawu do eya amea ɖe dzi, hetsɔe ɖo eƒe nuɖusime abe ale si Fofo la ŋutɔ do ŋugbee ene la, ena ŋusẽe be wòaɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dome, eye eya ƒe dɔwɔnae nye nu siwo kpɔm miele kple nu siwo sem mìele fifia." data/train/ACT/ACT_003_Verse_006.mp3,"elabena woatsrɔ̃ ame sia ame si mase eƒe gbe, awɔ ɖe edzi o la le eƒe amewo dome.’" data/train/ACT/ACT_028_Verse_007.mp3,"Enɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la, nɔ nu fiam le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti dzideƒotɔe, eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ le esiawo katã wɔwɔ me o." data/train/ACT/ACT_016_Verse_019.mp3,"Le Dzudzɔgbe dzi la, míeyi tɔsisi aɖe si didi tso dua gbɔ vie la to, afi si míese be ame aɖewo ƒoa ƒu ɖo doa gbe ɖa le, eye gbe ma gbe la, míegblɔ mawunya na nyɔnu siwo va teƒea." data/train/ACT/ACT_001_Verse_018.mp3,"Petro gblɔ be, “Elabena woŋlɔe ɖi ɖe Psalmogbalẽ me be, “ ‘Eƒe nɔƒe neɖi gbɔlo, mègana be ame aɖeke neganɔ afi ma o,’ eye, “ ‘Ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ.’ ”" data/train/ACT/ACT_004_Verse_033.mp3,wotsɔnɛ va dana ɖe apostoloawo ƒe afɔ nu eye womanɛ na amewo le woƒe hiahiã nu. data/train/ACT/ACT_019_Verse_016.mp3,Esia nye dzesi be Aƒetɔ la ƒe nya la xɔ aƒe kple ŋusẽ le nuto la me vavã. data/train/ACT/ACT_026_Verse_018.mp3,"Ke nu bubu sãa tae wotsɔ nya ɖe ŋunye fifia, eyae nye be mele mɔ kpɔm be Mawu awɔ eƒe ŋugbe si wòdo na mía tɔgbuitɔgbuiwo la dzi." data/train/ACT/ACT_022_Verse_004.mp3,"Ame siwo nɔ ŋunye la se nuƒoa pɛpɛpɛ, gake womese nu si wògblɔ la gɔme o." data/train/ACT/ACT_008_Verse_008.mp3,"Enumake etɔ tasiaɖam la, eye wòɖi ge ɖe tsi la me, eye Filipo de mawutsi ta nɛ." data/train/ACT/ACT_009_Verse_001.mp3,"Anania tso heyi Saulo ƒe aƒe me, eye wòda asi ɖe edzi gblɔ nɛ be, “Nɔvinye Saulo, Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le Damasko mɔ dzi la ɖom ɖa be mada gbe le ŋuwò, eye tso esia dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nayɔ mewò be nàgakpɔ nu.”" data/train/ACT/ACT_015_Verse_022.mp3,"Ke nɔvinyewo, nu ka ta miedi be miate Mawu kpɔ adi be yewoatsɔ agba kpekpe si míawo ŋutɔ kple mía tɔgbuitɔgbuiwo mete ŋu tsɔ o la ada ɖe wo dzi be woatsɔ mahã?" data/train/ACT/ACT_015_Verse_038.mp3,Simɔn gblɔ ale si Mawu ŋutɔ tia amewo tso ame siwo menye Yudatɔwo o dome be woasubɔ ye la na mi. data/train/ACT/ACT_001_Verse_022.mp3,Wogawu mo dzi ganɔ dziƒo kpɔm esi wònɔ bubum ɖe lilia me. Kasia ame eve aɖewo siwo le awu ɣiwo me la va tsi tsitre ɖe wo xa. data/train/ACT/ACT_011_Verse_004.mp3,"Egblɔ na wo be, “Gbe ɖeka la, esime menɔ gbe dom ɖa le Yopa la, mekpɔ ŋutega aɖe. Nu si tututu mekpɔ lae nye be aklala gã aɖe si wotsi ka ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi la ɖiɖi ɖe gbɔnye tso dziƒo." data/train/ACT/ACT_016_Verse_004.mp3,"Ekplɔ wo do goe hebia be, “Aƒetɔwo, nu kae le nam be mawɔ be makpɔ ɖeɖe?”" data/train/ACT/ACT_013_Verse_026.mp3,"Ke emegbe la, Mawu ɖe Saulo ɖa le zikpui la dzi, eye wòtsɔ David si nye Yese ƒe vi la ɖo fiae ɖe eteƒe. Mawu kpɔ ŋudzedze le David ŋu, eye wòɖi ɖase le eŋu be, ‘David nye ame si dze nye dzi ŋu, elabena ewɔ nye lɔlɔ̃nu.’" data/train/ACT/ACT_018_Verse_027.mp3,"Wofia nue tso Aƒetɔ la ƒe mɔ ŋuti, egblɔa nya dzideƒotɔe, eye wòfiaa nu tso Yesu ŋuti pɛpɛpɛ togbɔ be Yohanes ƒe mawutsideta ko wònya hã." data/train/ACT/ACT_016_Verse_032.mp3,Timoteo nye ɖekakpui aɖe si ƒe dɔwɔwɔ dze kristotɔ siwo le Listra kple Ikonio la ŋu ŋutɔ. data/train/ACT/ACT_028_Verse_022.mp3,"Nya sia tae meyɔ mi vɛ, be makpɔ mi, eye maƒo nu kpli mi ɖo; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ la ta woblam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.”" data/train/ACT/ACT_004_Verse_032.mp3,"Wokplɔ Petro kple Yohanes va woƒe ŋkumee. Takpekpea me nɔlawo bia Petro kple Yohanes be, “Ame ka ƒe mɔɖeɖe alo ŋkɔ mee miewɔ nu sia?”" data/train/ACT/ACT_001_Verse_008.mp3,"Eƒe kunya sia kaka ɖe Yerusalem dua me kaba ŋutɔ ale wona ŋkɔ teƒe ma le wo degbe me be, Akeldoma si gɔmee nye Ʋunyigba.)" data/train/ACT/ACT_023_Verse_024.mp3,"Le woƒe nyamedzodzrowo me la, mekpɔ be menye nya gobii aɖeke wotsɔ ɖe eŋu o, ke boŋ nya siwo ku ɖe Yudatɔwo ƒe xɔse kple kɔnuwo ŋu la koe, eye medze be woawui alo adee gaxɔ me kura gɔ̃ hã ɖe nya siawo ƒomevi ta o." data/train/ACT/ACT_002_Verse_003.mp3,"Ame siwo xɔ Petro ƒe nyawo dzi se la, woanɔ abe akpe etɔ̃ ene, eye wode mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke, eye wotsɔ wo kpe ɖe ha la ŋu." data/train/ACT/ACT_019_Verse_009.mp3,"Azɔ medi be mianya be menye míaƒe dɔwɔna ɖeɖe tae mele nya siawo gblɔm o, ke boŋ ele bɔbɔe be mawu bubutɔ, Artemis subɔsubɔ dzi aɖe kpɔtɔ, eye madidi o la, Artemis si nye Mawu gã si wosubɔna le Asia nuto blibo la katã me kple xexeme godoo la ƒe ŋkɔ abu keŋ.”" data/train/ACT/ACT_027_Verse_023.mp3,"Ke milé dzi ɖe ƒo elabena togbɔ be tɔdziʋua anyrɔ hã la, mía dometɔ aɖeke mele tsɔtsrɔ̃ ge o." data/train/ACT/ACT_004_Verse_031.mp3,"Togbɔ be edzɔ alea hã la, ame geɖe siwo se Petro kple Yohanes ƒe nyagbɔgblɔ gbe ma gbe la xɔe se hetrɔ dzi me, eye wozu xɔsetɔwo. Ale xɔsetɔwo katã ƒe xexlẽme anɔ abe akpe atɔ̃ ene." data/train/ACT/ACT_024_Verse_014.mp3,"Ke esi wòɖe nya me na wo le dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si li gbɔna ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo Felix, eye wògblɔ na Paulo be neyi gbɔ, ne yegakpɔ ɣeyiɣi nyui aɖe la, yeagaɖo ame ɖee." data/train/ACT/ACT_013_Verse_029.mp3,"Ke Paulo kple Barnabas wogblɔ kple dzideƒo na wo be, “Edze be woagblɔ Mawu ƒe nya na mi Yudatɔwo gbã, gake esi mieɖi gbɔ̃ nyanyui la, eye miebu mia ɖokui be yewomedze na agbe mavɔ la o la, fifia míatsɔe ayi na ame siwo menye Yudatɔwo o boŋ." data/train/ACT/ACT_014_Verse_003.mp3,"Dua me tɔwo ma ɖe akpa eve, ɖewo nɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo yome eye ɖewo hã nɔ apostoloawo yome." data/train/ACT/ACT_013_Verse_031.mp3,"Ke woawo hã ʋuʋu woƒe afɔkewo ɖe anyi abe dzidzɔmakpɔmakpɔ ƒe dzesi ene, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ la dzi ɖo ta Ikonio." data/train/ACT/ACT_024_Verse_022.mp3,Nu si gavlo wu lae nye be edi be yeado vlo míaƒe gbedoxɔ la hafi míeva do ɖe edzi helée. Ɖe míebe míadrɔ̃ ʋɔnue le míaƒe se la nu hafi. data/train/ACT/ACT_020_Verse_009.mp3,"Esi Paulo wu eƒe nuƒoa nu la, edze klo hedo gbe ɖa kpli wo." data/train/ACT/ACT_019_Verse_021.mp3,"Gbe ɖeka la, Demetrio ƒo eƒe dɔwɔlawo kple ame siwo katã wɔa klosalotutu dɔ le dua me la nu ƒu, eye wòƒo nu na wo ale, “Mía tɔwo, miawo ŋutɔwo mienya be klosalotutu siae míewɔna ɖuna." data/train/ACT/ACT_015_Verse_027.mp3,"Le nyamedzodzro geɖe megbe la, Petro tsi tsitre gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miawo ŋutɔ mienya be anɔ abe ƒe aɖewoe nye esi va yi ene la, Mawu tiam le mia dome, eye wòdɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ale be woawo hã woaxɔ se." data/train/ACT/ACT_014_Verse_025.mp3,"Tsã la, Mawu ɖe asi le dukɔ ɖe sia ɖe ŋu wòwɔ nu si dze eŋu." data/train/ACT/ACT_025_Verse_016.mp3,"Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, mewɔ naneke si dze na ku o. Ke esi eya ŋutɔ bia be Kaisaro ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye ta la, wɔna aɖeke megale ŋunye wu be maɖoe ɖe Kaisaro gbɔ le Roma o." data/train/ACT/ACT_027_Verse_041.mp3,"Tɔdziʋu la ƒe gbagbã le míaƒe ƒudzinɔnɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe zãtitina lɔƒo, esi ahom la ganɔ mía nyamam le Adria ƒu me la, ʋua kulawo bu xaa be yewote ɖe anyigba aɖe ŋu." data/train/ACT/ACT_009_Verse_013.mp3,"Esi wòsusɔ vie ko wòaɖo Damasko dua me la, keklẽ gã aɖe klẽ ɖe edzi tso dziƒo." data/train/ACT/ACT_002_Verse_041.mp3,"Wokpea ta ɖe gbedoxɔ la me gbe sia gbe hesubɔa Mawu. Wodoa go le wo nɔewo ƒe aƒewo me hã heɖua Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Woɖua nu ɖekae le dzidzɔ kple dzimekɔkɔ me," data/train/ACT/ACT_007_Verse_013.mp3,"Esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi dzidzi eve hã wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo dome. Egblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o eya ta midzudzɔ, ne miawɔ ɖeka.’" data/train/ACT/ACT_008_Verse_032.mp3,"Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn la nɔ Samaria dua me. Enye afakala xɔŋkɔ aɖe, eye wòna Samaria dukɔ la ƒe nu ku; eya ŋutɔ da ŋkɔ ɖe eɖokui dzi be yenye gã." data/train/ACT/ACT_002_Verse_043.mp3,"Xɔsetɔwo katã nɔ teƒe ɖeka, wowɔ woƒe nuwo katã hamenui," data/train/ACT/ACT_016_Verse_037.mp3,"Wotso wo nu le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume be, “Yudatɔ siawo va le to gblẽm na amewo le dua me" data/train/ACT/ACT_005_Verse_024.mp3,"Ke Petro biae be, “Anania, nu ka ta Satana xɔ aƒe ɖe wò dzi me ale, be nèda alakpa na Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye nètsɔ ga si nèdzra anyigba lae ƒe ɖe dzra ɖo?" data/train/ACT/ACT_024_Verse_024.mp3,"Nyemedi be magblẽ ɣeyiɣi na wò boo o, eya ta meɖe kuku na wò mayi nye nya dzi agblɔe kpuie ko le wò dɔmefafa la nu." data/train/ACT/ACT_008_Verse_033.mp3,Le eƒe ɖokuibɔbɔ ta womedrɔ̃ ʋɔnue ɖe mɔ dzɔdzɔe nu o. Ame kae ate ŋu agblɔ ale si dzidzime si me wòdzɔ ɖo la ƒe tagbɔ sẽe la afia? Elabena woɖe eƒe agbe ɖa le anyigba dzi.” data/train/ACT/ACT_011_Verse_030.mp3,"Ŋutsu sia gblɔ ale si mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ na ye be, ‘Dɔ ame ɖo ɖe Yopa ne woayɔ Simɔn si wogayɔna hã be Petro la vɛ na wò." data/train/ACT/ACT_010_Verse_002.mp3,"Azɔ la, dɔ ame aɖewo ɖe Yopa, ne woaɖayɔ Simɔn Petro vɛ na wò. Simɔn Petro sia le Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe ƒe aƒe me le ƒuta.’" data/train/ACT/ACT_014_Verse_002.mp3,Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi to Pisidia nuto me va ɖo Pamfilia alo Terki. data/train/ACT/ACT_021_Verse_023.mp3,"Ke Paulo ɖo eŋu na mí be, “Midzudzɔ avifafa, elabena miele dzi gbãm nam. Mele klalo be manɔ gaxɔ me le Yerusalem, eye gawu la, maku le nye Aƒetɔ Yesu ta.”" data/train/ACT/ACT_005_Verse_005.mp3,"Azɔ Gamaliel trɔ ɖe etɔwo gbɔ gblɔ na wo be, “Israeltɔwo, mikpɔ nyuie le ɖoɖo si wɔm miele ɖe ame siawo ŋu la ŋuti." data/train/ACT/ACT_016_Verse_024.mp3,"Le zã ga wuieve me lɔƒo la, anyigba ʋuʋu sesĩe, eye gaxɔ blibo la ƒe gɔmeɖokpewo ʋuʋu kpekpekpe, ʋɔtruawo katã ʋu le wo ɖokuiwo si, eye ga si wode gaxɔmenɔla ɖe sia ɖe la ɖe ɖa." data/train/ACT/ACT_008_Verse_024.mp3,"Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be èxɔe se tso wò dzi blibo me ko la, ekema naneke mexe mɔ o.” Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu be, “Mexɔe se be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Vi la.”" data/train/ACT/ACT_025_Verse_008.mp3,"Eye esi meɖi tsa de Yerusalem la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe tatɔwo va gbɔnye hewɔ nutsotso geɖe ɖe ame sia ŋu, eye wobia tso asinye be matso kufia nɛ." data/train/ACT/ACT_009_Verse_037.mp3,"Saulo bia kple vɔvɔ̃ be, “Wò ame kae le nu ƒom, Aƒetɔ?” Gbea ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle." data/train/ACT/ACT_015_Verse_037.mp3,"Paulo kple Barnabas melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o, ale wohe nya kple ame siawo vevie. Mlɔeba la, Antioxia Hame la ɖe hametɔ aɖewo kpe ɖe Paulo kple Barnabas ŋu heɖo wo ɖe Yerusalem be woaɖadzro nya sia me kple Apostoloawo kple hamemegãwo, anya woƒe susu le eŋu ava gblɔ na yewo." data/train/ACT/ACT_009_Verse_000.mp3,"Ame siwo katã se Saulo ƒe mawunya la ƒe nu ku, eye wobia wo nɔewo be, “Alo menye ame siae wɔ funyafunya geɖe ame siwo yɔa ŋkɔ sia le Yerusalem le woƒe xɔse ta oa? Míese gɔ̃ be ɖe wòva Damasko afi sia be yealé xɔsetɔwo ade ga wo akplɔ yii na nunɔlagãwo le Yerusalem!”" data/train/ACT/ACT_006_Verse_000.mp3,"ale be míawo la, míakpɔ ɣeyiɣi awɔ míaƒe dɔ si nye gbedodoɖa, mawunyagbɔgblɔ kple nufiafia amewo.”" data/train/ACT/ACT_011_Verse_002.mp3,"Barnabas nye ŋutsu dɔmenyotɔ aɖe si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu eye eƒe xɔse hã li ke sesĩe. To ame sia ƒe dɔwɔwɔ me la, ame geɖewo trɔ zu Aƒetɔ la tɔ." data/train/ACT/ACT_008_Verse_007.mp3,"elabena tsi ko wode ta na wo le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, ke womexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o." data/train/ACT/ACT_027_Verse_028.mp3,"Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Sidon. Asrafoawo ƒe amegã, Yulio nyo dɔ me na Paulo, ale be wòɖe mɔ nɛ wòɖi tsa de dua me ɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa, eye wodi eƒe nu hiahiã aɖewo nɛ." data/train/ACT/ACT_026_Verse_007.mp3,"Esi Festus se nya sia ko la, edo ɣli ɖe Paulo ta sesĩe be, “Paulo, wò tagbɔ le gbegblẽm; wò agbalẽsɔsrɔ̃ fũu na wò tagbɔ flu.”" data/train/ACT/ACT_003_Verse_022.mp3,"Petro kple Yohanes trɔ kpɔe dũu, eye Petro gblɔ nɛ be, “Fɔ ta dzi nàkpɔ míaƒe ŋkume.”" data/train/ACT/ACT_005_Verse_011.mp3,"Esi Anania se nya sia teti ko la, emu dze anyi enumake heku. Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ame siwo katã se nu si va dzɔ la." data/train/ACT/ACT_005_Verse_003.mp3,"Ame geɖewo ŋutɔ, ŋutsuwo kple nyɔnuwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye woge ɖe hame la me." data/train/ACT/ACT_025_Verse_009.mp3,"Festus ƒo nu na ƒuƒoƒe la be, “Fia Agripa kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi sia, ame si le mia dome lae nye ame si Yudatɔ siwo le du sia me kple Yerusalem siaa la di be woatso kufia na." data/train/ACT/ACT_012_Verse_022.mp3,"Petro wɔ abe ale si mawudɔla la gblɔ nɛ la ene, eye wòdze eyome do go le gaxɔ la me. Mebu nu si nɔ dzɔdzɔm la nu vavã o. Ewɔ nɛ abe drɔ̃e kum wònɔ alo ŋutega kpɔm wònɔ ene." data/train/ACT/ACT_002_Verse_027.mp3,"Ke enye nyagblɔɖila, eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be David ƒe dzidzimevi ɖeka ava nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia." data/train/ACT/ACT_021_Verse_008.mp3,"Esi míekpɔe be Paulo ɖoe kplikpaa be yeayi Yerusalem la, míeɖe asi le nya la ŋu, eye míetsɔe de asi na Mawu be wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu." data/train/ACT/ACT_007_Verse_037.mp3,"Mawu gblɔ nɛ be, ‘Do go le wò dukɔ kple wò ƒometɔwo dome, eye nàyi anyigba bubu aɖe sãa si mafia wò la dzi.’" data/train/ACT/ACT_019_Verse_006.mp3,"Ame siwo nye afakalawo la tsɔ woƒe agbalẽwo kple nu kpotokpotoewo vɛ, eye wotɔ dzo wo le dutoƒo. Nu siwo wotɔ dzoe la ƒe home anɔ abe siɖi akpe blaatɔ̃ ene." data/train/ACT/ACT_009_Verse_028.mp3,"Mawudzixɔsela aɖe si ŋkɔe nye Anania la nɔ Damasko dua me ɣe ma ɣi. Mawu yɔe le ŋutega me gbe ɖeka be “Anania.” Etɔ, eye wògblɔ be, “Nyee nye esi, Aƒetɔ.”" data/train/ACT/ACT_006_Verse_009.mp3,"Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖu Stefano dzi o, le eƒe nunya kple gbɔgbɔ si le eme la ta." data/train/ACT/ACT_002_Verse_038.mp3,"Petro ɖo eŋu na wo be, “Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la." data/train/ACT/ACT_003_Verse_018.mp3,Miegbe nu le dzɔdzɔetɔ la kple kɔkɔetɔ la gbɔ eye miebia be wòaɖe asi le hlɔ̃dola ŋu boŋ. data/train/ACT/ACT_007_Verse_025.mp3,"Ke Mawu metsɔ anyigba sia ƒe akpa aɖeke na Abraham be wòanye etɔ o. Menye afɔ ɖeka teti hã o. Gake Mawu do ŋugbe nɛ be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, anyigba blibo la azu eya kple eƒe dzidzimeviwo tɔ, togbɔ be vi aɖeke menɔ Abraham si haɖe o hã." data/train/ACT/ACT_028_Verse_010.mp3,"Esi míeyi ʋɔnua la, Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔwo mekpɔ vodada aɖeke le ŋunye o, eya ta wodi be yewoaɖe asi le ŋunye, elabena wokpɔ be nyemedze na ku abe ale si Yudatɔwo ƒe amegãwo dii ene o." data/train/ACT/ACT_015_Verse_005.mp3,"Azɔ míedɔ Yuda kple Silas ɖa, ame siawo aƒo nu, aɖo kpe nu si nye míaƒe susu le nya siwo le fu ɖem na miaƒe susuwo la dzi na mi." data/train/ACT/ACT_004_Verse_000.mp3,"Ale wogayɔ Petro kple Yohanes va wo dome, eye wode se na wo vevie be yewomedi be yewoagasee alo akpɔ wo woanɔ nu fiam tso Yesu ŋu le teƒe aɖeke kura o." data/train/ACT/ACT_003_Verse_016.mp3,"Medi be eme nakɔ na mi nyuie be Mawu si nye Abraham, Isak, Yakob kple mía tɔgbuitɔgbuiwo ƒe Mawu lae da gbe le ame sia ŋu be yeatsɔ ade bubu eƒe subɔla Yesu ŋu. Yesu si miede asi hegbe nu le egbɔ le Pilato ŋkume, togbɔ be Pilato dze agbagba ale gbegbe be yeaɖe asi le eŋu hafi." data/train/ACT/ACT_014_Verse_009.mp3,"Esia hã meɖe dzi le Paulo kple Barnabas ƒo kura o, ke boŋ wonɔ dua me hegblɔ amenuvevenya kple dzideƒo ɣeyiɣi didi aɖe. Aƒetɔ la na ŋusẽ wo wowɔ nukunu kple dzesi geɖewo be yewoafia kɔtɛe be eƒe nya la kakam yewole vavã." data/train/ACT/ACT_017_Verse_021.mp3,"Ke xɔsetɔwo wɔ kaba ɖo Paulo ɖe ƒuta gome lɔƒo, gake Silas kple Timoteo ya tsi anyi." data/train/ACT/ACT_002_Verse_030.mp3,"Le ɣe ma ɣi hã la, Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖewo tso dukɔ vovovo siwo le dziƒo te la va Yerusalem be yewoaɖu ŋkeke tɔxɛ sia." data/train/ACT/ACT_007_Verse_023.mp3,"Ke hã la, mahe to na dukɔ si ado kluvi Israelviwo, eye emegbe la, Israelviwo agatrɔ va woƒe anyigba la dzi ava subɔm le afi sia.’" data/train/ACT/ACT_012_Verse_013.mp3,"Ke esi eƒe asi su edzi la, edee mɔ. Ena asrafo wuiade nɔ eŋu dzɔm. Herodes ɖoe be ne woɖu Ŋutitotoŋkekea vɔ la, yeaɖe asi le Petro ŋu na Yudatɔwo woadrɔ̃ ʋɔnui eye woawui." data/train/ACT/ACT_016_Verse_036.mp3,"Woto Misia liƒo dzi heyina Bitinia lɔƒo. Ke Yesu ƒe gbɔgbɔ gaxe mɔ na wo, eya ta womete ŋu yi Bitinia o," data/train/ACT/ACT_002_Verse_044.mp3,"Ŋugbedodo la nye miawo ŋutɔwo, mia viwo, ame siwo le adzɔge kple ame siwo katã Aƒetɔ mía Mawu la yɔ la tɔ.”" data/train/ACT/ACT_018_Verse_025.mp3,"To Paulo ƒe afi ma nɔnɔ me la, Krispo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒemegã la kple eƒe aƒe blibo la me tɔwo katã xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye wòde mawutsi ta na wo. Korintotɔ bubu geɖe siwo hã se eƒe mawunya la trɔ dzi me, eye wòde mawutsi ta na woawo hã." data/train/ACT/ACT_014_Verse_020.mp3,"“Mía tɔwo, nu kae nye busunu sia wɔm miele? Míawo hã amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene. Ɖe míeva be míagblɔ nyanyui sia na mi be miadzudzɔ nu maɖinu siawo tɔgbi subɔsubɔ, eye miado gbe ɖa na Mawu gbagbe si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la boŋ." data/train/ACT/ACT_001_Verse_015.mp3,"Le ŋkeke mawo me la, Petro tsi tsitre gblɔ na xɔsetɔ (siwo ƒe xexlẽme anɔ abe alafa ɖeka kple blaeve) ene la be," data/train/ACT/ACT_021_Verse_022.mp3,"“Ke le ame siwo menye Yudatɔwo o siwo xɔ se la, ame aɖeke mele gbɔgblɔm be woawo hã nawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo dzi o, negbe nu siwo míeŋlɔ ɖo ɖe wo xoxo be woadzudzɔ nu siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã tsiʋumewo ɖuɖu, eye womegawɔ matre o.”" data/train/ACT/ACT_021_Verse_015.mp3,"eya ta míadi be wò hã nàkplɔ wo ɖo ayi gbedoxɔ la me, eye nàlũ ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, nàxe fe ɖe ame ene siawo ƒe kɔnuwɔwɔ hã ta. Ne èwɔ esia la, ekema ame sia ame adze sii be nya siwo yewose le ŋuwò la mele eme nenema o. Ke boŋ wò ŋutɔ èzɔna nyuie, eye nèléa se la me ɖe asi." data/train/ACT/ACT_026_Verse_019.mp3,"Le esia ta la, mexɔ ŋusẽ tso nunɔlagã gbɔ, eye melé xɔsetɔ geɖewo de gaxɔ me le Yerusalem. Gawu la, ne wotso kufia na wo dometɔ aɖe la, medaa asi ɖe nuwɔna sia dzi blibo." data/train/ACT/ACT_015_Verse_014.mp3,Esiwo le nyanya me nɛ tso blema ke. data/train/ACT/ACT_004_Verse_010.mp3,"Elabena vavã, Fia Herod kple Pontio Pilato kple ame siwo menye Yudatɔwo o la katã kple Israelviwo gɔ̃ hã le du sia me wɔ ɖeka hetsi tsitre ɖe Viwò Yesu, wò dɔla kɔkɔe si nèsi ami na la ŋu." data/train/ACT/ACT_012_Verse_023.mp3,"Tete mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Do wò awuwo kple wò afɔkpa.” Petro wɔ nenema, eye mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Bla wò ali dzi sesĩe ne nàdze yonyeme.”" data/train/ACT/ACT_020_Verse_024.mp3,Mesubɔ Aƒetɔ la le ɖokuibɔbɔ kple aɖatsi me togbɔ be Yudatɔwo tem kpɔ to woƒe nugbeɖoɖowo ɖe ŋunye me hã.” data/train/ACT/ACT_025_Verse_020.mp3,"Le ŋkeke evea gbe tututu la, Agripa kple Benis va do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la le bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo gã me. Asrafowo kple dumegãwo hã nɔ wo ŋu. Esi woɖi anyi vɔ la, Festus na wokplɔ Paulo va wo ŋkumee." data/train/ACT/ACT_007_Verse_055.mp3,"Wohe Mose ɖe Egiptetɔwo ƒe nunya nu, ale wòtsi va zu fiavi xɔŋkɔ aɖe le nunya kple dɔwɔwɔ me." data/train/ACT/ACT_015_Verse_010.mp3,"Esi ame dɔdɔawo va ɖo Yerusalem la, hamea kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo, eye woka nu siwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo." data/train/ACT/ACT_005_Verse_036.mp3,"Takpekpea me nɔlawo xɔ Gamaliel ƒe aɖaŋu sia ale woyɔ apostoloawo vɛ, eye woƒo wo. Emegbe la, wode se na wo be womegagblɔ nya aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me gbeɖe o, eye woɖe asi le wo ŋu." data/train/ACT/ACT_015_Verse_034.mp3,"Nu sia he masɔmasɔ de Paul kple Barnabas dome ale gbegbe be wo dome ma. Barnabas kplɔ Marko ɖe asi, eye woɖo tɔdziʋu yi Kipro." data/train/ACT/ACT_015_Verse_003.mp3,"Ao, míexɔe se to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve me, eye esia me míekpɔ xɔxɔ abe woawo ke ene le.”" data/train/ACT/ACT_010_Verse_027.mp3,"Ke Petro ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ le nye agbe me o.”" data/train/ACT/ACT_004_Verse_018.mp3,"Eya ta wolé Petro kple Yohanes, gake esi fiẽ ɖo xoxo ta la, wokplɔ wo ame eve la de gaxɔ me be woadɔ afi ma ŋu nake." data/train/ACT/ACT_015_Verse_025.mp3,"“ ‘Le nu siawo megbe la, magatrɔ ava, eye magatu David ƒe aƒe si mu dze anyi la. Magbugbɔ aɖo eƒe gli gbagbãwo, eye mafɔ wo ɖe tsitre," data/train/ACT/ACT_022_Verse_003.mp3,"Ame sia va tsi tsitre ɖe gbɔnye, eye wògblɔ nam be, ‘Nɔvinye Saulo, ʋu ŋku nàkpɔ nu!’ Enumake nye ŋkuwo ʋu, eye megakpɔ nu." data/train/ACT/ACT_012_Verse_009.mp3,"Esi Roda se Petro ƒe gbe le agboa godo la, dzi dzɔe ale gbegbe be wòƒu du yi ɖe aƒea me ɖagblɔe na ƒuƒoƒe la be “Petro va le agboa nu le eƒom!”" data/train/ACT/ACT_022_Verse_021.mp3,"“Ke meɖo eŋu be, ‘O, Aƒetɔ, ame siawo nya nyuie be ame siwo katã xɔ wò ŋkɔ dzi se la, meléa wo tso ƒuƒoƒe yi ƒuƒoƒe, ƒoa wo, eye medea wo gaxɔ me." data/train/ACT/ACT_021_Verse_027.mp3,"Míawo hã míeɖi tsa yi dua me, eye míedi xɔsetɔ siwo le afi ma la henɔ wo gbɔ kɔsiɖa ɖeka. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu to hame sia dzi, ale wogbe na Paulo be megayi Yerusalem o." data/train/ACT/ACT_005_Verse_006.mp3,"Azɔ tso ŋkeke yi ŋkeke, wonɔa gbedoxɔ la ƒe akpata me, nɔa nu fiam, eye nenema ke wowɔna tso aƒe me yi aƒe me, eye womedzudzɔ nufiafia o, ke boŋ wonɔ gbeƒã ɖem nyanyui la, be Yesue nye Kristo la." data/train/ACT/ACT_025_Verse_023.mp3,"Ne mewɔ nane si dze na ku la, nyemele ku vɔ̃m o. Ke ne vodada aɖeke mele ŋunye o la, medze be wò alo ame bubu aɖeke nakɔm ade asi na ame siawo be woawum o. Metsɔ nye nya de asi na Fia Kaisaro ŋutɔ!”" data/train/ACT/ACT_002_Verse_035.mp3,"Petro tsɔ nya bubu geɖewo xlɔ̃ nu ameha la, eye wòƒoe ɖe wo nu be, “Miɖe mia ɖokuiwo tso dzidzime vɔ̃ɖi sia me.”" data/train/ACT/ACT_012_Verse_019.mp3,"Le ɣeyiɣi siawo me la, Mawu ƒe nya la nɔ ta kekem alɔtsɔtsɔe eye ame geɖewo trɔ zu xɔsetɔwo." data/train/ACT/ACT_010_Verse_026.mp3,"Ke Petro gblɔ nɛ be, “Tso kaba, elabena menye Mawue menye nàsubɔ o. Amegbetɔ ko nye hã menye.”" data/train/ACT/ACT_007_Verse_038.mp3,"Mawu yra Fia David ŋutɔ, eye David hã bia be Mawu naɖe mɔ na ye yeatu gbedoxɔ gã aɖe si anɔ anyi tegbee la na eya Yakob ƒe Mawu la." data/train/ACT/ACT_020_Verse_002.mp3,"Azɔ la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, eye mikpɔ egbɔ be, mienyi Mawu ƒe alẽha si nye hame si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle, esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo mi be mianye hadzikpɔlawo." data/train/ACT/ACT_024_Verse_023.mp3,"Nye futɔ siawo va ke ɖe ŋunye le gbedoxɔ la me, mele ŋutinye kɔm. Ameha aɖeke alo ʋunyaʋunya aɖeke menɔ afi ma kura o." data/train/ACT/ACT_016_Verse_014.mp3,"Kasia, ameha gã aɖe va ƒo ƒu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ʋɔnudrɔ̃lawo na be wodze woƒe awuwo, eye woɖe gbe be woaƒo wo kple ati." data/train/ACT/ACT_013_Verse_044.mp3,"“Nɔvinyewo, mi Abraham ƒe dzidzimeviwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o siwo vɔ̃a Mawu sia la, medi be mianya be míawoe woɖo ɖeɖe ƒe gbedeasi sia ɖo.”" data/train/ACT/ACT_002_Verse_017.mp3,"eye wonɔa Mawu kafum ɖaa, hekpɔa amenuveve le amewo katã gbɔ. Ke Aƒetɔ la tsɔa ame siwo kpɔ xɔxɔ la kpena ɖe wo ŋuti gbe sia gbe." data/train/ACT/ACT_005_Verse_022.mp3,"Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu gaxɔ la ƒe agbowo, eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be," data/train/ACT/ACT_028_Verse_003.mp3,"Dzi dzɔ ƒukpoa dzi tɔwo ŋutɔ ale wotsɔ nunana ƒomevi geɖewo vɛ na mí, eye esi ɣeyiɣi de na mí be míadzo la, wodo agba na míaƒe tɔdziʋu la nyuie ŋutɔ kple nu siwo katã ava hiã mí le míaƒe mɔzɔzɔ la me." data/train/ACT/ACT_005_Verse_002.mp3,"Ame geɖewo metea ŋu doa dzi tena ɖe apostoloawo ŋu o, ke hã la, ame sia ame tsɔ bubu tɔxɛ blibo na wo." data/train/ACT/ACT_008_Verse_025.mp3,"Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gagblɔ na Filipo be, “Te ɖe tasiaɖam la ŋu.”" data/train/ACT/ACT_008_Verse_021.mp3,"Filipo hã yi Samaria, eye wòɖe gbeƒã le Kristo ŋuti na wo." data/train/ACT/ACT_022_Verse_014.mp3,"eye Mawu gblɔ nam be, ‘Wɔ kaba nàdzo le Yerusalem, elabena ne ègblɔ nye nya na amewo la, womaxɔe se o.’" data/train/ACT/ACT_002_Verse_034.mp3,"Nu sia wɔ nuku na amedzroawo ale gbegbe be wogblɔ be, “Ame siawo katã ɖe, menye Galileatɔwo wonye oa?" data/train/ACT/ACT_022_Verse_027.mp3,"“Meyi edzi gabiae be, ‘Aƒetɔ nu ka mawɔ?’ “Aƒetɔ la gblɔ nam be, ‘Tsi tsitre nàyi Damasko dua me, eye ame aɖe agblɔ nu siwo wɔ ge nàla le ƒe siwo gbɔna me la na wo.’" data/train/ACT/ACT_004_Verse_029.mp3,Petro kple Yohanes wonɔ gbeƒã ɖem be Yesu gagbɔ agbe tso ame kukuwo dome si fia be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖe li. Enye nu si medzɔ dzi na wo kuraa o. data/train/ACT/ACT_019_Verse_012.mp3,"Enumake ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la dzo dze wo dometɔ eve dzi, heɖu wo dzi, ƒo wo, eye wòvuvu awu le wo ŋu ale be wosi do go le aƒea me amamae." data/train/ACT/ACT_013_Verse_034.mp3,"Le esia megbe la, wogblɔ mawunya le du geɖewo me tso teƒe yi teƒe le Kipro ƒukpo blibo la dzi va se ɖe esi wova ɖo du si woyɔna be Pafo la me. Le afi sia wokpɔ Yudatɔ aɖe si woyɔna be Bar Yesu. Ame sia nye afakala kple aʋatsonyagbɔɖila." data/train/ACT/ACT_018_Verse_007.mp3,"Edzro nya me kple Yudatɔwo le dutoƒo, eye wòɖi ɖase be mawunya ɖee fia kɔtɛe be Yesue nye Kristo la vavã." data/train/ACT/ACT_011_Verse_007.mp3,"Esi melé ŋku ɖe aklala la dzi la, mekpɔ anyigbadzilã afɔenewo, lã wɔadãwo kple lã tatawo kple dziƒoxeviwo le afi ma." data/train/ACT/ACT_028_Verse_031.mp3,"Ƒukpoa dzi tɔwo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, wodo dzo gã aɖe na mí be míaƒu." data/train/ACT/ACT_008_Verse_039.mp3,Tete Filipo wɔ mawunya si wòxlẽ la kple bubuwo ŋu dɔ hegblɔ nyanyui la nɛ le Yesu ŋu. data/train/ACT/ACT_016_Verse_026.mp3,"Le ŋdi me la, ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo kpovitɔwo ɖe gaxɔdzikpɔla la kple gbeɖeɖe sia be, “Ɖe asi le ŋutsu mawo ŋu ne woadzo.”" data/train/ACT/ACT_005_Verse_034.mp3,"Petro gblɔ na Safira be, “Nu ka ta mi kple srɔ̃wò, Anania, miewɔ ɖeka be yewoate Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kpɔ mahã? Kpɔ ɖa ɖekakpui siwo ɖi srɔ̃wò ƒe kukua la, woawoe nye ema le xɔa mɔnu le wò hã lalam ne woakɔ wò hã ayii.”" data/train/ACT/ACT_020_Verse_014.mp3,"“Fifia la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔm yina Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si le lalayem le afi ma o hã." data/train/ACT/ACT_006_Verse_008.mp3,"Eya ta nɔviwo, mitia mia dometɔ adre siwo sea nu gɔme, ame siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu, eye ame sia ame kpɔ ŋudzedze le wo ŋu, ne míatsɔ nuɖuɖudzikpɔdɔ sia ade wo si koŋ," data/train/ACT/ACT_009_Verse_021.mp3,"Ke esi nusrɔ̃lawo se Petro ŋkɔ le Lida la, woɖe ame eve ɖo ɖee kple kukuɖeɖe be wòaɖe abla ava yewo gbɔ le Yopa, elabena Lida tsɔ ɖe Yopa gbɔ." data/train/ACT/ACT_016_Verse_009.mp3,"Esi woƒo wo wòte wo ŋu nyuie la, wotsɔ wo de gaxɔ me, eye wogblɔ na gaxɔdzikpɔla vevie be wòakpɔ wo dzi nyuie." data/train/ACT/ACT_002_Verse_045.mp3,"Ɛ̃, ame aɖewo tso Roma gɔ̃. Ame siawo nye Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o, gake wotrɔ dzime xɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ eye bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia ɖe se ame siawo le Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!”" data/train/ACT/ACT_013_Verse_000.mp3,Ale wɔ Aƒetɔ la ƒe nya la keke ta le nuto ma katã me. data/train/ACT/ACT_009_Verse_034.mp3,"Petro lɔ̃ va Yopa. Esi wòva ɖo teti ko la, wokplɔe yi dziƒoxɔ dzi le xɔ si me wokɔ Dɔkas ƒe kukua mlɔe. Xɔa me yɔ fũu kple konyifalawo, ame siwo dometɔ geɖewo nye ahosi siwo Dɔkas lɔ̃ avɔ alo awu na le eƒe agbe me. Ɖe sia ɖe nɔ nu siwo Dɔkas wɔ nɛ la tsɔm fia nɔvia." data/train/ACT/ACT_026_Verse_028.mp3,"Nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, ‘Woawɔ funyafunya Kristo la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome, eye wòahe Kekeli vɛ na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ”" data/train/ACT/ACT_013_Verse_008.mp3,"Ekpɔ wo dzi, kplɔ wo ɖɔɖɔɖɔ le gbedzi ƒe blaene sɔŋ." data/train/ACT/ACT_015_Verse_023.mp3,"Ke Paulo hã kplɔ Silas kpe ɖe eɖokui ŋu, eye nɔviawo tsɔ wo de asi na Aƒetɔ la ƒe amenuveve." data/train/ACT/ACT_012_Verse_024.mp3,"Wozɔ to agbo gbãtɔ eveawo me bɔbɔe, eye esi wova ɖo agbo gã mamlɛa, si wotsɔ gakpo wɔe gbɔ la, agbo la ŋutɔ ʋu le eɖokui si, ale be wodo go hege ɖe dua ƒe ablɔ ŋutɔ dzi. Esi wogazɔ yi ŋgɔgbe vie ko la, mawudɔla la bu le Petro gbɔ." data/train/ACT/ACT_015_Verse_026.mp3,"Le nuƒo sia megbe la, ƒuƒoƒe la zi ɖoɖoe, eye nyahehe aɖeke megayi edzi o. Esia na mɔnukpɔkpɔ Paulo kple Barnabas be wogblɔ nukunu kple dzesi gã siwo Mawu wɔ to wo dzi le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la na wo." data/train/ACT/ACT_002_Verse_011.mp3,"Enumake wokpɔ nane si ɖi dzo ƒe aɖewo la dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tame," data/train/ACT/ACT_007_Verse_002.mp3,"“Ale Mose si gbɔ etɔwo gbe nu le, eye wobiae be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía dzi hã?’ la, eyae Mawu ɖo ɖa be wòanye woƒe ɖela kple kplɔla to mawudɔla, si ɖe eɖokui fiae le ŋuvea me la dzi." data/train/ACT/ACT_021_Verse_026.mp3,"Le Patara la, míeɖo tɔdziʋu aɖe si nɔ Foenisia si le Siria nuto me yim." data/train/ACT/ACT_020_Verse_023.mp3,"Menya nyuie be ne medzo la, aʋatsonufiala aɖewo ava ɖo mia dome abe amegaxi wɔadãwo ene, eye woadze agbagba be yewoagblẽ nu le alẽha si nye hamea la ŋu." data/train/ACT/ACT_005_Verse_012.mp3,"“Esi míede la, míekpɔ gaxɔ ƒe agboawo nɔ tutu goŋgoŋ. Asrafowo nɔ tsitre ɖe agboa nu pɛpɛpɛ, gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ ame aɖeke le teƒea o.”" data/train/ACT/ACT_019_Verse_031.mp3,"Nya sia kaka ɖe Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa dome le Efeso dua me. Ale vɔvɔ̃ tɔxɛ aɖe dze wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi, eye wode bubu Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ŋu." data/train/ACT/ACT_021_Verse_016.mp3,"Hamemegãwo katã kpɔ dzidzɔ, kafu Mawu, ke wogblɔ na Paulo be, “Yudatɔ geɖewo hã zu Kristotɔwo gake woƒe ɖoɖoe nye be ele be Yudatɔ xɔsetɔ ɖe sia ɖe nagawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ." data/train/ACT/ACT_025_Verse_017.mp3,"Ke Paulo ɖo eŋu na wo be, “Nyemedze agɔ le ame aɖeke dzi o. Nyemeda Yudatɔwo ƒe se aɖeke dzi o, eye nyemedo vlo gbedoxɔ la hã o. Gawu la, nyemetsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu alo Kaisaro ŋu o.”" data/train/ACT/ACT_018_Verse_004.mp3,"Apolo di vevie be yeayi Akaya nuto me, ale xɔsetɔ siwo le Antioxia la do ŋusẽe be wòayi. Woŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe xɔsetɔ siwo le afi ma la be ne Apolo va la, woaxɔe. Esi wòva ɖo Akaya nuto me la, egblɔ mawunya kple ŋusẽ eye wòdo ŋusẽ hame siwo nɔ afi ma le amenuveve me." data/train/ACT/ACT_014_Verse_024.mp3,"Togbɔ be woɖe nya me na ameawo alea hã la, esesẽ hafi wozi wo dzi be womete ŋu sa vɔ la na wo o." data/train/ACT/ACT_007_Verse_056.mp3,"Wɔna sia na be Mawu hã ɖe asi le wo ŋu, eye wosubɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo abe ale si woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene. “ ‘Israeltɔwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ mahã?" data/train/ACT/ACT_007_Verse_017.mp3,"Eya ta wowɔ legba ɖe nyivi ƒe nɔnɔme me, eye wosubɔ nu si wotsɔ woƒe asi wɔe la kple dzidzɔ blibo hesaa vɔ nɛ." data/train/ACT/ACT_015_Verse_021.mp3,"Ke le ale si Marko gblẽ wo ɖi le Pamfilia, eye meyi dɔa dzi kple wo o ta la, Paulo mebui be enyo be wòagayi kpli yewo o." data/train/ACT/ACT_017_Verse_014.mp3,"Esi Yudatɔ siwo tso Tesalonika la gase be Paulo nɔ mawunya gblɔm le Berea la, wogati wo yome yi afi ma hã, eye wògade zi ameawo me ɖe wo ŋu." data/train/ACT/ACT_027_Verse_003.mp3,"Ale woda dzidzeka ɖe ƒua me, eye wokpɔ be tso ƒua dzi yi egɔme anɔ abe mita blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ ko ene. Sẽe la, wogadae eye azɔ la, wokpɔ be anɔ afɔ blaasiekɛ pɛ ko." data/train/ACT/ACT_006_Verse_011.mp3,"Le esia megbe la, apostoloawo kple xɔsetɔ bubuawo gblɔ mawunya le teƒeteƒewo, eye Yesu yomedzelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi fũu le Yerusalem, nenema ke Yudatɔwo ƒe nunɔla geɖewo gɔ̃ hã trɔ zu kristotɔwo." data/train/ACT/ACT_016_Verse_002.mp3,"Dumegãwo ɖe abla va wo gbɔ le gaxɔ la me, eye woɖe kuku na wo be woado go adzo le dua me." data/train/ACT/ACT_021_Verse_039.mp3,"Yudatɔ Kristotɔ siwo le Yerusalem afi sia la se be wò la, èfia nu Yudatɔ siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome be woagbe nu le Mose ƒe sewo gbɔ, eye mele be woatso aʋa na wo viwo o." data/train/ACT/ACT_004_Verse_025.mp3,Ke nu si wò ŋutɔ nèɖo da ɖi le wò nunya kple ŋusẽ me xoxo la ko ate ŋu adzɔ. data/train/ACT/ACT_006_Verse_001.mp3,"Ale wode zi ameawo, amegãwo kple agbalẽfialawo me. Wolé Stefano hekplɔe yi ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋkumee." data/train/ACT/ACT_024_Verse_026.mp3,"Wonɔ esia dzi alea ʋuu ƒe eve sɔŋ. Ke mlɔeba la, woɖe Felix le afi ma hetsɔ Porkio Festus ɖo eteƒe. Le esi Felix di be Yudatɔwo nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔ me hafi dzo." data/train/ACT/ACT_016_Verse_030.mp3,"Nyɔnu siawo dometɔ ɖekae nye Lidia, si nye avɔdzrala aɖe tso Tiatira. Enye mawuvɔ̃la xoxo, eye esi Paulo nɔ nu ƒom la, Mawu ʋu eƒe dzi, eye wòxɔ nya siwo katã Paulo gblɔ la dzi se." data/train/ACT/ACT_009_Verse_010.mp3,"Esi Petro ge ɖe xɔa me la, ebia tso wo katã si be woado go ana mɔ ye. Esi wodo go la, Petro dze klo do gbe ɖa, eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ nɛ be, “Tabita, tsi tsitre!” Enumake ame kuku la ʋu ŋku, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ nɔ abati la dzi." data/train/ACT/ACT_009_Verse_019.mp3,"Ke Aƒetɔ la ɖo eŋu na Anania be, “Yi nàwɔ ɖe nye gbe dzi, elabena nye ŋutɔe tia ame sia be wòanye dɔwɔla nam, eye wòagblɔ nye nya na ame siwo menye Yudatɔwo o, fiawo kple Israelviwo ŋutɔ hã," data/train/ACT/ACT_009_Verse_042.mp3,"Teƒe sia wòkpɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Aeneas, ame si nɔ lãmetutudɔ lém, eye wòtsi aba dzi ƒe enyi sɔŋ le." data/train/ACT/ACT_021_Verse_029.mp3,"Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo, eye le ɣeyiɣi sia me la, nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Agabu la tso Yudea nuto me va kpɔ mí ɖa le Filipo gbɔ." data/train/ACT/ACT_012_Verse_016.mp3,"Le fɔŋli la, zi gã aɖe tɔ ɖe asrafoawo dome ku ɖe nu si va dzɔ ɖe Petro dzi ŋu." data/train/ACT/ACT_006_Verse_010.mp3,"Ke yometiti va na xɔseha tso Yudatɔwo ƒe xɔseha aɖe si woyɔna be, Ablɔɖe ƒuƒoƒe la me. Ha sia me nɔlawo nye Yudatɔ siwo tso Kirene, Aleksandria kple Kilikia nutowo me kpakple Asia. Ame siawo de asi nyahehe me kple Stefano." data/train/ACT/ACT_013_Verse_017.mp3,"Esia nye se si Aƒetɔ la de na mí be, “ ‘Mewɔ wò be nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye nàkplɔ wo tso xexea me ƒe dzogoewo katã dzi ava be woakpɔ ɖeɖe le gbɔnye.’ ”" data/train/ACT/ACT_021_Verse_019.mp3,"Ke esi wòsusɔ vie ŋkeke adrea nade la, Yudatɔ aɖewo tso Asia nuto me va Yerusalem, eye wokpɔ Paulo le gbedoxɔ la me. Enumake wode ʋunyanya amewo dome ɖe eŋu, eye wolé Paulo henɔ ɣli dom ɖe eŋu be," data/train/ACT/ACT_009_Verse_022.mp3,"Ke eva eme be Helatɔ siwo trɔ zu Yudatɔwo la dometɔ aɖewo, ame siwo Saulo he nya kplii la wɔ ɖoɖo be yewoawui." data/train/ACT/ACT_008_Verse_006.mp3,"elabena edze nam ƒãa be, èyɔ fũu kple vevesese eye nènye kluvi na nu vɔ̃.”" data/train/ACT/ACT_021_Verse_030.mp3,"Míeto Kipro ƒukpo la ŋu le miame lɔƒo, eye míeva ɖi go ɖe Tiro ʋudzeƒe la le Siria. Ʋu la ɖe agba le afi sia." data/train/ACT/ACT_009_Verse_014.mp3,"Esi xɔsetɔ bubuawo se be Saulo ƒe agbe ɖo xaxa me alea la, wokplɔe yi Kaesarea, eye tso afi ma la, woɖoe ɖe wo de, Tarso." data/train/ACT/ACT_008_Verse_017.mp3,"Esime ame dɔdɔawo va ɖo Samaria teti ko la, wodo gbe ɖa ɖe xɔsetɔ yeyeawo ta be woaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la," data/train/ACT/ACT_019_Verse_036.mp3,Romasrafo siwo le nutoa me la dometɔ siwo nye Paulo xɔlɔ̃wo hã ɖo ame ɖe egbɔ gblɔ nɛ be megado ta ɖe afi ma o. data/train/ACT/ACT_011_Verse_014.mp3,"Eye Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ nɔ kpli wo, eye ameha gã aɖe xɔ se hezu Aƒetɔ la yomedzelawo." data/train/ACT/ACT_010_Verse_014.mp3,Eya ta dɔ amewo ɖe Yopa ne woaɖayɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn Petro la vɛ be wòava kpɔ wò ɖa. data/train/ACT/ACT_007_Verse_001.mp3,"ale gbegbe be wòɖee tso eƒe fukpekpewo katã me, eye gawu la, Mawu na be Egipte Fia Farao kpɔ ŋudzedze le eŋu. Le nunya manyagblɔ si Mawu na Yosef ta la, Farao tsɔe ɖo dudzikpɔla gãe le Egipte dukɔa me, eye wògaɖoe tatɔe le eƒe fiasã blibo la me hã." data/train/ACT/ACT_019_Verse_011.mp3,"Emegbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dee Paulo me be wòayi Makedonia kple Akaya nuto me hafi atrɔ ayi Yerusalem. Eya ŋutɔ hã ɖoe be tso afi ma la, ele be yeayi Roma hã." data/train/ACT/ACT_013_Verse_041.mp3,"Nya siawo ku ɖe ame bubu aɖe si Mawu gbɔ agbee tso ku me, eye ku mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o la boŋ ŋu.”" data/train/ACT/ACT_016_Verse_040.mp3,"Ɖetugbi sia nɔ Paulo kple mía yome nɔ ɣli dom be, “Ame siawo la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, eye ɖe wova be yewoafia ale si miawɔ be miakpɔ ɖeɖe la mi.”" data/train/ACT/ACT_020_Verse_029.mp3,Nya ɖeka ma ke ko megblɔ na Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa be ehiã be woatrɔ ɖe Mawu ŋu to Yesu Kristo dzixɔse me. data/train/ACT/ACT_001_Verse_012.mp3,"Le eƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia ame siawo, eye wòna kpɔɖeŋu geɖewo tsɔ ɖo kpe edzi na wo be yele agbe. Eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke blaene sɔŋ me, eye wòƒo nu na wo tso mawufiaɖuƒe la ŋuti." data/train/ACT/ACT_015_Verse_012.mp3,"Esi woƒo nu vɔ la, Yakobo hã tsi tsitre ƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, miɖo tom." data/train/ACT/ACT_010_Verse_029.mp3,"Kornelio vɔ̃ ŋutɔ. Ɖeko wòke ŋku ɖe te gãa nɔ mawudɔla la kpɔm. Mlɔeba la, ebiae be, “Amegã, nya kae dzɔ? Nu ka dim nèle tso gbɔnye?” Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be, “Wò gbedodoɖa kple nunana ame dahewo va ɖo dziƒo le Mawu ŋkume abe ŋkuɖodzinunana ene." data/train/ACT/ACT_024_Verse_015.mp3,"Ke hã la, melɔ̃ ɖe edzi be mesubɔa mía fofowo ƒe Mawu la abe ame si le Mɔ la dzi ene, esi amewo yɔna be kɔmama. Mexɔ nu sia nu si sɔ kple se la kple nu siwo woŋlɔ ɖe nyagblɔɖigbalẽawo me la dzi se." data/train/ACT/ACT_017_Verse_009.mp3,"elabena eɖo ŋkeke tɔxɛ aɖe da ɖi be yeava drɔ̃ ʋɔnu xexea me, eya ŋutɔ tia ame si le ʋɔnu la drɔ̃ ge la da ɖi, eye eyae nye ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.”" data/train/ACT/ACT_003_Verse_008.mp3,"Esi wòkpɔ Petro kple Yohanes woyina ɖe gbedoxɔa me la, edo ɣli bia wo be woana ga ye." data/train/ACT/ACT_011_Verse_001.mp3,"Azɔ esi wònye Mawu ŋutɔe na nunana sia ame siawo abe ale si wòna míawo hã be míaxɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se ene ta la, ame kae menye be mahe nya kple Mawu?”" data/train/ACT/ACT_004_Verse_014.mp3,"Esi takpekpea me nɔlawo gaklẽ ŋku de wo hede se na wo vevie la, wona wodzo. Ʋɔnua menya tohehe si tututu woatsɔ na wo o, elabena ameawo katã nɔ Mawu kafum le nu si dzɔ la ta." data/train/ACT/ACT_025_Verse_012.mp3,"Gake Paulo gbe gblɔ be yedi be Kaisaro gã la ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye. Le esia ta la, megana be woagbugbɔe ayi gaxɔ me va se ɖe esime mate ŋu aɖoe ɖe Kaisaro gbɔ.”" data/train/ACT/ACT_009_Verse_039.mp3,"Saulo wɔ ɖɔɖɔɖɔ tso le anyigba, gake nukutɔe la, megate ŋu nɔ nu kpɔm o; eƒe ŋku dzi tsyɔ eya ta wolé eƒe alɔnu kplɔe ɖɔɖɔɖɔ yi Damasko." data/train/ACT/ACT_026_Verse_032.mp3,"Tsi tsitre, elabena metia wò be nànye nye subɔla kple nye ɖaseɖila. Yi nàɖe gbeƒã wò nuteƒekpɔkpɔ sia kple bubu siwo gbɔna la fia xexea me katã." data/train/ACT/ACT_016_Verse_028.mp3,"Mlɔeba la, míeva ɖo Filipi si nye Romatɔwo ƒe du aɖe si le Makedonianyigba ƒe liƒo dzi tututu. Míenɔ afi ma ŋkeke geɖewo." data/train/ACT/ACT_007_Verse_028.mp3,"Kpao, menye nyee miesa vɔ na o, ke boŋ miaƒe susuwo katã nɔ Molek ƒe agbadɔ kple mawu Refan ƒe ɣletivinɔnɔme, siwo nye legba miewɔ be miasubɔ la ŋu. Le esia ta la, maɖo mi ɖe aboyo me, ayi keke Babilonia godo ke.’" data/train/ACT/ACT_016_Verse_007.mp3,"Enumake míeɖoe be míayi Makedonia, elabena edze na mí kɔtɛe be Mawu le mía ɖom ɖe afi ma be míaɖagblɔ nyanyui la." data/train/ACT/ACT_005_Verse_041.mp3,"Ɖe apostoloawo ƒe nukunuwo wɔwɔ ta la, amewo kɔa dɔnɔwo dana ɖe abawo kple abatiwo dzi le mɔwo to be ne Petro va yina la, eƒe vɔvɔli nadze ɖe wo dzi." data/train/ACT/ACT_013_Verse_023.mp3,"Ke ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo vɔ̃a Mawu la dze wo yome le ablɔ dzi, eye Paulo kple Barnabas gblɔ na wo kple kukuɖeɖe be woanɔ Mawu ƒe amenuveve la me." data/train/ACT/ACT_004_Verse_008.mp3,"ekema minyae kɔtɛe, mi kple Israeltɔwo katã, be le Yesu Kristo Nazaretitɔ, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋuti, ame si Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe ŋkɔ mee ame si le tsitre ɖe mia ŋkume la kpɔ dɔyɔyɔ le." data/train/ACT/ACT_010_Verse_009.mp3,"Esi Petro ge ɖe aƒea me teti ko la, Kornelio ɖe abla ɖadze klo ɖe eƒe akɔme be yeade bubu eŋu." data/train/ACT/ACT_010_Verse_015.mp3,"Eya ta esi miaƒe ame dɔdɔwo va ɖo gbɔnye ko la, nyemehe ɖe megbe kura o, ke boŋ metso dze mɔ dzi enumake. Azɔ nya kae le mia si? Migblɔe mase.”" data/train/ACT/ACT_002_Verse_029.mp3,"“ ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi. Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi. Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo, eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃ewo." data/train/ACT/ACT_017_Verse_023.mp3,"Mawu siae wɔ amegbetɔ siwo katã tso dzɔtsoƒe ɖeka, eye wokaka ɖe xexea me ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖo liƒo kple ɣeyiɣi na dukɔwo da ɖi xoxo." data/train/ACT/ACT_023_Verse_034.mp3,"Woyi nunɔlagãwo kple dumegãwo gbɔ hegblɔ na wo be, “Míeka atam ƒo ɖe mía ɖokui dzi be míele naneke ɖu ge va se ɖe esime míawu Paulo o." data/train/ACT/ACT_007_Verse_014.mp3,"Esiae na be Yakob kple viawo katã ʋu va tsi Egipte, afi si wo katã ku ɖo," data/train/ACT/ACT_019_Verse_014.mp3,"Esi Paulo se nya sia la, egblɔ na wo be, “Yohanes Mawutsidetanamela ɖeko wòwɔe be yeafia ale si ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ eye emegbe la, wòaxɔ Yesu Kristo, ame si ƒe nya Yohanes gblɔ be ele vava ge la dzi ase, ale be woade mawutsi ta nɛ ɖe eƒe ŋkɔ me.”" data/train/ACT/ACT_026_Verse_000.mp3,"Agripa xɔ nya la le Paulo nu gblɔ be, “Ɖe nèbu be nya sue si nègblɔ le afi sia lae ana be mazu kristotɔ zi ɖeka?”" data/train/ACT/ACT_013_Verse_019.mp3,"Fia David sia ƒe dzidzimevie nye Yesu, ame si nye Ɖela si ŋugbe Mawu do na Israel dukɔ la.”" data/train/ACT/ACT_028_Verse_002.mp3,"Ameawo ɖo eŋu na Paulo be, “Míawo la, ame aɖeke megagblɔ wò nya aɖeke na mí kpɔ loo alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí tso Yudea le ŋuwò kpɔ o. Nɔvi Kristotɔ siwo tso Yerusalem va hã dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke na mí tso ŋuwò kpɔ o." data/train/ACT/ACT_005_Verse_017.mp3,"Gamaliel yi edzi be, “Tɔnyetɔwo, aɖaŋu si medi be maɖo na mie nye be miɖe asi le ame siawo ŋu kpoo. Ne wònye woawo ŋutɔ ƒe nufiafia kakam wole la, ekema eteƒe madidi o la, nu sia nu awu enu." data/train/ACT/ACT_019_Verse_025.mp3,"Ke ne miekpɔ nyuie o la, Roma dziɖuɖua abia tso mía si be míana akɔnta le egbe ƒe ʋunyaʋunya si nu ta mele o la ŋu, eye nyemenya nya ka magblɔ ne wòva eme alea o.”" data/train/ACT/ACT_007_Verse_050.mp3,"“ ‘Nye fiazikpuie nye dziƒo, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Aƒe ka ƒomevi koŋ ame ate ŋu atu nam? Aƒetɔ la gblɔe. Alo Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ?" data/train/ACT/ACT_022_Verse_001.mp3,"Ale medze anyi. Enumake mese ame aɖe ƒe gbe be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim ale mahã?’" data/train/ACT/ACT_013_Verse_032.mp3,"Le Dzudzɔgbe si dze eyome dzi la, du blibo la katã kloe va ƒo ƒu be yewoase Aƒetɔ ƒe nya la." data/train/ACT/ACT_008_Verse_037.mp3,"Saulo da asi ɖe Stefano wuwu sia dzi kpem. Tso gbe ma gbe dzi la, amewo dze xɔsetɔ siwo le Yerusalem la yometiti gɔme vevie, eye esia na be wo katã wosi yi Yudea kple Samaria nutowo me negbe apostoloawo ɖeɖe koe susɔ ɖe Yerusalem." data/train/ACT/ACT_007_Verse_051.mp3,"‘Nyee nye tɔgbuiwòwo Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la.’ Dzidzi ƒo Mose ale gbegbe be mete ŋu fɔ ta dzi be yeakpɔ afi si gbea le ɖiɖim tso la o." data/train/ACT/ACT_010_Verse_043.mp3,"Woɖe ŋutega sia fia Petro zi etɔ̃ sɔŋ. Le esia megbe la, wohe aklala la dzoe yi dziƒo." data/train/ACT/ACT_013_Verse_015.mp3,"Esi woxlẽ nya tso Mose ƒe Agbalẽ kple Nyagblɔɖilawo ƒe Agbalẽawo me vɔ abe ale si wowɔna ɖaa ene la, ƒuƒoƒemegãwo dɔ ame ɖo ɖe Barnabas kple Paulo gbɔ gblɔ be, “Nɔviŋutsuwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si na ameawo la, migblɔe, míeɖe kuku.”" data/train/ACT/ACT_025_Verse_014.mp3,"ke boŋ nyaʋiʋli aɖewo tso woƒe subɔsubɔ kple ame aɖe si woyɔna be Yesu, ame si ku, gake Paulo ya gale gbɔgblɔm be ele agbe kokoko la ŋu." data/train/ACT/ACT_002_Verse_026.mp3,"Ke boŋ nu si teƒe kpɔm miele ŋdi sia la nye nu si Nyagblɔɖila Yoel gblɔ ɖi xoxoxo ƒe alafa nanewoe nye esi va yi be," data/train/ACT/ACT_005_Verse_029.mp3,Míawo ŋutɔ míekpɔ nu siawo teƒe kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu naa ame siwo wɔa eƒe gbe dzi la hã.” data/train/ACT/ACT_027_Verse_005.mp3,"Anɔ abe ŋkeke nanewo nye esi ene, ame aɖeke meɖu naneke o, ke mlɔeba la, Paulo yɔ ʋua me nɔlawo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Ɖe miese nye gbe, eye míetsi Kreta la, anye ne dzɔgbevɔ̃e sia mava mia dzi o." data/train/ACT/ACT_015_Verse_039.mp3,Wonɔ Antioxia ŋkeke geɖe hafi wodo mɔ wo kple dzidzɔgbedoname tso Antioxia Hame gbɔ vɛ na Yerusalem hame si dɔ wo. data/train/ACT/ACT_010_Verse_048.mp3,“Ɖe ame aɖe ate ŋu axe mɔ be womade mawutsi ta na ame siawo oa? Woawo hã xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la abe míawo ke ene.” data/train/ACT/ACT_019_Verse_038.mp3,"Wova ke ɖe ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la ŋu vavã, eye wote kpɔ be yewoanya gbɔgbɔ vɔ̃ la le Yesu ƒe ŋkɔ me. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la bia wo be, “Yesu la medze sii eye Paulo la menyae nyuie, ke miawo ɖe, ame kawoe mienye?”" data/train/ACT/ACT_016_Verse_023.mp3,"Le zã bliboa me la, Paulo kple Silas wonɔ gbe dom ɖa, nɔ ha dzim, nɔ Mawu kafum. Gaxɔmenɔla bubuawo hã nɔ woƒe hawo sem." data/train/ACT/ACT_020_Verse_003.mp3,"“Azɔ menyae nyuie be mi ame siwo katã dome menɔ wɔ dɔ, heɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la la, dometɔ aɖeke megale kpɔ nye ge akpɔ o." data/train/ACT/ACT_021_Verse_012.mp3,"Esi wobe yewoawui ko la, ame aɖe yi ɖagblɔ na Romasrafowo ƒe amegã be ʋunyaʋunya gã aɖe le edzi yim le Yerusalem dua me." data/train/ACT/ACT_015_Verse_001.mp3,"Ame dɔdɔ eneawo dze mɔ ɖo ta Antioxia enumake. Esi wova ɖo la, woƒo kristotɔwo katã nu ƒu, eye wotsɔ gbedeasi la ɖo woƒe ŋkume." data/train/ACT/ACT_001_Verse_007.mp3,"Esi Yesu kple apostoloawo gado go la, wobiae be, “Aleke, Aƒetɔ, ɖe nèle Israel dukɔ la ɖe ge tso Romatɔwo te, aɖoe te abe dukɔ nɔɖokuisi ene azɔa?”" data/train/ACT/ACT_018_Verse_019.mp3,"Ke le ale si Yudatɔwo tsi tsitre ɖe Paulo ŋu sesĩe, eye gawu la, wonɔ busunyawo gblɔm ta la, Paulo ɖe asi le woƒe nya me, eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la, magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o.”" data/train/ACT/ACT_022_Verse_026.mp3,"“Metrɔ va Yerusalem, eye gbe ɖeka esi menɔ gbe dom ɖa le gbedoxɔ la me la, mekpɔ ŋutega aɖe," data/train/ACT/ACT_016_Verse_025.mp3,"Le zã ma ke me la, gaxɔdzikpɔla klɔ woƒe abiwo na wo, eye enumake wode mawutsi ta na eya kple eƒe aƒe blibo la." data/train/ACT/ACT_020_Verse_017.mp3,"Le du sia du si me wòɖo le mɔa dzi me la, eƒoa nu hexlɔ̃a nu xɔsetɔ siwo le afi ma va se ɖe esi wòɖo Griki." data/train/ACT/ACT_014_Verse_023.mp3,"Paulo kple Barnabas ɖo hamemegãwo ɖe hame sia hame nu, eye wowɔ nutsitsidɔ kple gbedodoɖa hetsɔ ameawo de asi na Aƒetɔ si dzi woxɔ se." data/train/ACT/ACT_021_Verse_028.mp3,"Míedo hedenyuie na wo, ge ɖe tɔdziʋu la me, eye woawo hã trɔ yi aƒe me." data/train/ACT/ACT_005_Verse_008.mp3,"Ebia wo be, “Menye ɖe míede se na mi vevie be miagafia nu le ŋkɔ sia me azɔ oa? Ke azɔ kura boŋ miekaka míaƒe nufiafia ɖe Yerusalem du blibo la me, eye mieɖoe kplikpaa be yewoatsɔ ame sia ƒe ku aɖo mía dzi!”" data/train/ACT/ACT_026_Verse_017.mp3,"Ke Mawu kpɔ dzinye ale megale agbe egbe, be magblɔ nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa. Ke nyemele nya bubu aɖeke gblɔm o, negbe nu si nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi be ava va eme la koe." data/train/ACT/ACT_001_Verse_021.mp3,va se ɖe ŋkeke si dzi wokɔe yi dziƒoe le esime wòde se na Apostolo siwo wòtia to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me vɔ megbe ŋu. data/train/ACT/ACT_004_Verse_021.mp3,"Gake be womegakaka woƒe nya si gblɔm wole o la, mina míayɔ wo agbe na wo be womekpɔ mɔ agagblɔ nya alo afia nu ame aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me o.”" data/train/ACT/ACT_010_Verse_025.mp3,"Ke Petro gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Miawo ŋutɔ mienya be mele be nye abe Yudatɔ ene la mava mi ame siwo menye Yudatɔwo ƒe aƒe me alea o, gake Mawu ɖee fiam le ŋutega me be, mele be mabu ame aɖeke abe nu dzodzro alo nu makɔmakɔ ene o." data/train/ACT/ACT_012_Verse_012.mp3,"Kasia Aƒetɔ la ƒe dɔla aɖe va do, eye Kekeli klẽ ɖe gaxɔ la me. Dɔla la ƒo Petro ƒe axame henyɔe tso alɔ̃ me. Egblɔ nɛ be, “Netsɔ, tsi tsitre!” Enumake gakɔsɔkɔsɔ la ge le Petro ƒe alɔnu." data/train/ACT/ACT_015_Verse_013.mp3,"“Esia ta nye nyametsotsoe nye be mehiã be míaɖe fu na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wole tɔtrɔm ɖe Mawu ŋu la o." data/train/ACT/ACT_008_Verse_018.mp3,"Etiopia ŋutsu la bia Filipo be, “Nyagblɔɖila Yesaya ŋu eya ŋutɔ nɔ nu ƒom le loo alo ame bubu aɖe ŋuea?”" data/train/ACT/ACT_013_Verse_001.mp3,"Ame sia ame si xɔ edzi se la, woaɖee tso nu vɔ̃ ƒe kɔkuti me, eye wòazu ame dzɔdzɔe. Nu sia nye nu gã aɖe si Mose ƒe sewo mete ŋu wɔ na ame aɖeke o." data/train/ACT/ACT_021_Verse_000.mp3,"Agabu tsɔ Paulo ƒe alidziblaka, eye wòbla eya ŋutɔ ƒe asiwo kple afɔwo hegblɔ be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la be, ‘Alea tututu Yudatɔwo awɔ ame si tɔe nye alidziblanu sia la le Yerusalem, eye woatsɔe ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ”" data/train/ACT/ACT_007_Verse_039.mp3,"“Mawu ƒe gbe yi edzi gblɔ nɛ be, ‘Ɖe wò afɔkpawo le afɔ, elabena teƒe si nèle la nye teƒe kɔkɔe." data/train/ACT/ACT_004_Verse_020.mp3,"ȃo nu to Gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi, to mía fofo David, wò dɔla dzi be, “ ‘Nu ka ta dukɔwo do dziku ɖe Mawu ŋu, eye amewo le bablawo wɔm dzodzro ɖo?" data/train/ACT/ACT_017_Verse_001.mp3,"Ale wolée hekplɔe yi takpeƒe si woyɔna be Areopago la, afi ma wogblɔ nɛ be, “Na míase nya tso nufiafia yeye si nèhe vɛ la ŋu." data/train/ACT/ACT_024_Verse_000.mp3,"“Ame si wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔ wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexea me katã godoo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu la ŋu, anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya kee nye habɔbɔ si woyɔna be, Nazaretitɔwo la ƒe amegã." data/train/ACT/ACT_022_Verse_011.mp3,"Esi ameawo se be enɔ Hebrigbe gblɔm la, wogazi ɖoɖoe ɖe edzi wu tsã. Paulo yi edzi be," data/train/ACT/ACT_014_Verse_015.mp3,"Ke hã la, medzudzɔ ɖaseɖiɖi tso eɖokui ŋuti o, elabena ewɔa nu nyuiwo na mí; enaa tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo kpakple nuŋeɣiwo, eye wòna nuɖuɖu geɖe mí hetsɔ dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũu.”" data/train/ACT/ACT_003_Verse_002.mp3,"Ame siwo katã kpɔ ame sia wònɔ zɔzɔm, nɔ Mawu kafum la" data/train/ACT/ACT_007_Verse_052.mp3,"Stefano gblɔ na ameha la be, “Mikpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔ Vi la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime.”" data/train/ACT/ACT_005_Verse_033.mp3,"Petro biae be, “Safira, gblɔe nam, ga home siae wò kple Anania miexɔ tso anyigba si miedzra la mea?” Safira ɖo eŋu na Petro be, “Ɛ̃, ho mae míexɔ.”" data/train/ACT/ACT_013_Verse_042.mp3,"Nyagblɔɖila kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia Hame la me ɣe ma ɣi, eye wo dometɔ aɖewoe nye Barnabas kple Simeon si wogayɔna be Niga, Lukio tso Kirene, Manain (si nye Fia Herodes nɔvi) kple Saulo." data/train/ACT/ACT_008_Verse_011.mp3,"Esi Petro kple Yohanes nɔ gbea dom ɖa la, woda woƒe asiwo ɖe xɔsetɔawo dzi, eye enumake woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la." data/train/ACT/ACT_019_Verse_004.mp3,"Ame si he masɔmasɔ sia vɛ lae nye Demetrio. Ame sia nye klosalotula, eye dɔsrɔ̃viwo nɔ esi fũu. Wonɔa Helatɔwo ƒe mawu, Artemis ƒe legbawo wɔm kple klosalo." data/train/ACT/ACT_001_Verse_010.mp3,"Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu ɖum kple eƒe Apostolowo la, ede se na wo be, “Migadzo le Yerusalem o, ke boŋ milala va se ɖe esime miaxɔ Fofonye ƒe nunana si ŋugbe wòdo, nu si ŋu meƒo nu tsoe na mi xoxo," data/train/ACT/ACT_008_Verse_035.mp3,"Nukutɔe la, Simɔn, afakala la ŋutɔ hã xɔ mawunya dzi se, ale wode mawutsi ta nɛ. Le esia megbe la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli yia afi sia afi si wòyina la, eye nukunu siwo katã Filipo wɔ la na be eƒe nu ku ŋutɔ." data/train/ACT/ACT_028_Verse_021.mp3,"Nu sia wɔ nuku, eye wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame sia la, hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye; togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃ be wòatsi agbe o.”" data/train/ACT/ACT_004_Verse_019.mp3,"Eyae nye, “ ‘Kpe si mi xɔtulawo miegbe la, eya kee trɔ zu dzogoedzikpe.’" data/train/ACT/ACT_019_Verse_015.mp3,"Esi wose nya sia la, wo katã wolɔ̃, eye Paulo de mawutsi ta na wo ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me." data/train/ACT/ACT_009_Verse_036.mp3,"Petro yɔe gblɔ nɛ be, “Aeneas, Yesu Kristo da gbe le ŋuwò, eya ta tsi tsitre, eye nàŋlɔ wò aba.” Ŋutsu la ƒe lãme sẽ enumake." data/train/ACT/ACT_012_Verse_021.mp3,"Petro tsɔ asi wɔ dzesi na wo be woazi ɖoɖoe kpoo, ale wògblɔ ale si Aƒetɔ la ɖee le gaxɔa me la na wo. Egblɔ na wo be, “Migblɔ nu si va dzɔ la na Yakobo kple ame nɔviawo.” Emegbe eya ŋutɔ dzo yi teƒe bubu." data/train/ACT/ACT_004_Verse_001.mp3,"Apostolowo kpɔ ŋusẽ gblɔ mawunya detowo, heɖe gbeƒã Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome, eye amenuveve gã le wo katã dzi." data/train/ACT/ACT_017_Verse_033.mp3,"Yudatɔ geɖewo xɔ se, eye wowɔ ɖeka kple Paulo kple Silas, hekpe ɖe Helatɔ siwo vɔ̃a Mawu la ƒe ha gã aɖe kpakple nyɔnu ŋkuta aɖewo ŋu." data/train/ACT/ACT_010_Verse_024.mp3,"Ke Mawu gafɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃a gbe tututu, eye wòɖee fia ame tɔxɛ siwo eya ŋutɔ tia la." data/train/ACT/ACT_019_Verse_032.mp3,"Paulo bia wo be, “Esi miexɔ se la, miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mahã?” Ke woɖo eŋu be, “Ao, míexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, eye le nyateƒe me la, míese eŋkɔ kpɔ gɔ̃ hã o.”" data/train/ACT/ACT_020_Verse_025.mp3,Mia dometɔ aɖewo hã ate kpɔ atrɔ nyateƒe la bubue be amewo nadze yewo yome. data/train/ACT/ACT_011_Verse_000.mp3,Atsɔ gbedeasi aɖe vɛ na wò si ana be wò kple wò aƒe siaa miakpɔ ɖeɖe.’ data/train/ACT/ACT_016_Verse_034.mp3,"Wodo go le gaxɔ la me. Ale Paulo kple Sila trɔ yi Lidia ƒe aƒe me, eye xɔsetɔwo va ƒo ƒu ɖe wo ŋu, eye wogagblɔ nyanyui la na wo hafi dzo le dua me." data/train/ACT/ACT_022_Verse_000.mp3,"Ale asrafowo ƒe amegã ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi xɔa mee, aƒoe kple atam va se ɖe esime wòato nyateƒe be yenya nu si tututu ta ameha la do dziku ɖe ye ŋu nenema ɖo." data/train/ACT/ACT_016_Verse_016.mp3,"Ke Paulo do ɣli gblɔ nɛ be, “Nɔvi, mègawɔ nu vevi ɖokuiwò o; mí katã míele afi sia.”" data/train/ACT/ACT_019_Verse_030.mp3,"Nya sia de adã ta me na ameha la ale wode asi ɣlidodo me sesĩe be, “Artemis, Efesotɔwo ƒe mawu la lolo!”" data/train/ACT/ACT_005_Verse_035.mp3,"Petro kple apostoloawo gblɔ be, “Ele na mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke menye ɖe amegbetɔ tɔ dzi o." data/train/ACT/ACT_001_Verse_019.mp3,"Petro yi eƒe nuƒoa dzi be, “Azɔ la, ele be míatia ame bubu aɖe wòanɔ Yuda teƒe le mía dome. Ame si míatia la nanye ame si nɔ mía dome tso gɔmedzedzea esi Aƒetɔ Yesu nɔ anyi kpli mí," data/train/ACT/ACT_014_Verse_001.mp3,"Ame sia ɖo to Paulo esi wònɔ nu ƒom na ameawo. Paulo li ŋku ɖe edzi gãa, eye wòkpɔ be xɔse le esi na dɔyɔyɔ," data/train/ACT/ACT_013_Verse_013.mp3,"Esi wonɔ nya la gblɔm nɛ la, afakala Elima (elabena nenemae nye eƒe ŋkɔ le Grikigbe me) tsi tsitre ɖe wo ŋu, eye wòte kpɔ be yeagblẽ to na mɔmefia la be megaxɔ Mawu dzi se o." data/train/ACT/ACT_027_Verse_024.mp3,"Ke Paulo gblɔ na asrafoawo kple woƒe amegã be, “Mía tɔwo, ne mia dometɔ aɖe dzo le tɔdziʋua me la, matsi agbe o.”" data/train/ACT/ACT_004_Verse_011.mp3,"Enumake wo katã woƒo ƒu do gbe ɖa na Mawu hegblɔ be, “O Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, wò ame si wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le eme." data/train/ACT/ACT_025_Verse_013.mp3,"Ke abe ale si wò ŋutɔ nènyae ene la, megblɔ na wo be míaƒe Roma se la meɖe mɔ be woabu fɔ ame ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e o, ke boŋ ele be woana mɔe be wòaɖe eɖokui nu le ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu la ŋkume." data/train/ACT/ACT_001_Verse_016.mp3,"“Nɔviwo, ele be ŋɔŋlɔ si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ to David dzi le blema ku ɖe Yuda ŋu la nava eme. Yuda siae fia Yesu yomemɔ." data/train/ACT/ACT_028_Verse_006.mp3,"Enumake dɔnɔ siwo katã nɔ teƒea la va Paulo gbɔ, eye wòda gbe le wo katã ŋu." data/train/ACT/ACT_028_Verse_000.mp3,"Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe, eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒe aƒe me. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ŋu, tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖiawo me. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke." data/train/ACT/ACT_012_Verse_000.mp3,"Ale Petro nɔ gaxɔ me, gake hame la katã nɔ gbe dom ɖa na Mawu vevie ɖe eta." data/train/ACT/ACT_021_Verse_032.mp3,"Nusrɔ̃la aɖewo tso Kaesarea kplɔ mí ɖo, eye esi míeva ɖo Yerusalem la, míedze xɔsetɔwo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Mnason, ame si nye xɔsetɔ xoxoawo dometɔ ɖeka si tso Kipro la ƒe aƒe me." data/train/ACT/ACT_021_Verse_001.mp3,"Alo menye wòe nye Egiptetɔ ma si de zitɔtɔ amewo me abe ƒe ɖeka alo eve aɖewoe nye esi va yi ene, eye nèkplɔ amewulawo abe akpe ene sɔŋ ene woɖabe ɖe gbegbe aɖe oa?”" data/train/ACT/ACT_028_Verse_011.mp3,"Esi Paulo fɔ nake wuwlui aɖewo be yeade dzoa me ko la, da vɔ̃ɖi aɖe do tso nake la me, le dzoxɔxɔ la ta, eye wòbla ɖe Paulo ƒe alɔnu." data/train/ACT/ACT_014_Verse_008.mp3,"Esi wogbɔ va ɖo Antioxia la, woyɔ xɔsetɔawo katã ƒo ƒu hegblɔ nu gã siwo Mawu wɔ kpli wo la na wo. Wogblɔ ale si Mawu ʋu xɔse ƒe mɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã na ameawo." data/train/ACT/ACT_008_Verse_019.mp3,"Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ao, nɔvi, aleke mate ŋu ase egɔme esi ame aɖeke meli aɖe eme nam o?” Azɔ eɖe kuku na Filipo be wòage ɖe tasiaɖam la me anɔ ye xa. Filipo wɔ nenema." data/train/ACT/ACT_002_Verse_042.mp3,"wotsɔ woƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzra, eye woma ga la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu." data/train/ACT/ACT_012_Verse_011.mp3,"Herodes kpɔ be nuwɔna sia do dzidzɔ na Yudatɔwo ƒe dumegãwo ŋutɔ, eya ta ena wolé Petro hã le esime wonɔ Ŋutitotoŋkeke la ɖum." data/train/ACT/ACT_004_Verse_002.mp3,Asesẽ na mí ŋutɔ be míadzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple esiwo míese la ŋu o.” data/train/ACT/ACT_002_Verse_016.mp3,"“Eya ta mina ne Israel blibo la katã nanyae nyuie be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la, Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.”" data/train/ACT/ACT_023_Verse_008.mp3,"(Elabena Zadukitɔwo gblɔna be tsitretsitsi tso ame kukuwo dome meli o, eye mawudɔlawo kple gbɔgbɔwo meli o, ke Farisitɔwo xɔ nu siawo dzi se be woli.)" data/train/ACT/ACT_008_Verse_026.mp3,"Ke esi dua me tɔwo se nyanyui la si Filipo gblɔ tso mawufiaɖuƒe la ŋu kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la, woxɔe se, eye wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa." data/train/ACT/ACT_024_Verse_027.mp3,Yudatɔ mamlɛawo xɔ ɖe Tertulo ƒe nyawo dzi be wole eme tututu abe ale si wògblɔe ene. data/train/ACT/ACT_007_Verse_000.mp3,"“Ale Abraham dzo le Kaldeanyigba dzi ɖanɔ Haran va se ɖe esime fofoa ku gblẽe ɖi. Esia megbe la, Mawu kplɔe va Israelnyigba sia dzi." data/train/ACT/ACT_007_Verse_008.mp3,"Emegbe la, wohee do goe le dua me be yewoaƒu kpee wòaku. Ɖasefowo kple amewulawo ɖe woƒe awuwo na ɖekakpui aɖe si woyɔna be Saulo la be wòakpɔ wo dzi na yewo." data/train/ACT/ACT_002_Verse_013.mp3,"Esi wose nya siawo la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo bia Petro kple apostolo bubuawo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala?”" data/train/ACT/ACT_015_Verse_020.mp3,"Ke esi míawo hã míebu nya la ŋu, eye mí katã míeɖo kpe nu si nye nyateƒea dzi vɔ la, míeɖoe be anye susu nyui aɖe ŋutɔ be míaɖe ame dɔdɔ eve siwo akplɔ mía nɔvi lɔlɔ̃awo, Paulo kple Barnabas, ɖo ava mia gbɔ." data/train/ACT/ACT_003_Verse_013.mp3,"Ke to wɔna siawo me la, Mawu na be nu siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi be ele be Kristo la nakpe fu nenema la va eme." data/train/ACT/ACT_004_Verse_026.mp3,"Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be enyo le Mawu gbɔ be míase amegbetɔ ƒe gbe, agbe eya Mawu ƒe gbedziwɔwɔ hã?" data/train/ACT/ACT_019_Verse_020.mp3,"Gake ne Demetrio kple eƒe hadɔwɔlawo kpɔ be nya aɖe le yewo kple ame siawo dome la, ekema ɖe wòle na wo be woatsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Ʋɔnudrɔ̃lawo hã le klalo be yewoadrɔ̃ nyaa na wo." data/train/ACT/ACT_018_Verse_000.mp3,"Afi ma wòdo go Yudatɔ aɖe si woyɔna be Akwila la le. Wodzi Akwila le Ponto, eye eya kple srɔ̃a Priskila wonɔ Italia tsã, gake Kaisaro Klaudio va de se be woanya Yudatɔwo katã le Roma dua me. Esia ta Akwila kple srɔ̃a ʋu va tsi Korinto. Paulo yi ɖasrã wo kpɔ," data/train/ACT/ACT_021_Verse_031.mp3,"“Nu si míedi be nàwɔe nye esi, ame ene aɖewo le mía dome siwo le dzadzram ɖo be yewoalũ ta, aɖe adzɔgbe le sea nu," data/train/ACT/ACT_021_Verse_005.mp3,"Asrafowo ƒe amegã la lɔ̃ ɖe Paulo ƒe biabia la dzi, ale Paulo tsi tsitre ɖe atrakpui la dzi hekɔ asi dzi na ameha la, eye ɖoɖoe gã aɖe zi enumake. Azɔ eƒo nu na wo le Hebrigbe me be:" data/train/ACT/ACT_013_Verse_003.mp3,"Ame siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo, esi womedze si ame sia kple nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woxlẽna le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me." data/train/ACT/ACT_025_Verse_018.mp3,"Le woƒe afi ma nɔnɔ me la, Festus gblɔ Paulo ƒe nya na fia la be, “Felix gblẽ ame aɖe ɖe gaxɔ me le afi sia hafi meva xɔ eteƒe." data/train/ACT/ACT_019_Verse_002.mp3,"Ame aɖewo mexɔ eƒe nya o, ale wotsi tsitre ɖe eŋu vevie hegblɔ busunya geɖe ɖe Mɔ la ŋu le dutoƒo. Nu sia na be Paulo dzo le wo gbɔ. Ke ekplɔ nusrɔ̃lawo ɖe asi yi Tirano Takpexɔa me, afi si wòƒoa nu na wo le gbe sia gbe." data/train/ACT/ACT_027_Verse_014.mp3,"eya ta meɖe kuku na mi, miɖe dzi ɖi ne miaɖu nu, elabena naneke mele dzɔdzɔ ge ɖe mía dometɔ aɖeke dzi o.”" data/train/ACT/ACT_022_Verse_009.mp3,"Azɔ ɣeyiɣigbegblẽ aɖeke megali o. Ɖeko woade mawutsi ta na wò, aklɔ wò nu vɔ̃wo ɖa le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’" data/train/ACT/ACT_011_Verse_015.mp3,Gake xɔsetɔ siwo tso Kipro kple Kirene heyi Antioxia la dometɔ aɖewo ƒo nu na Helatɔ aɖewo hã tso Aƒetɔ Yesu ƒe nyanyui la ŋu. data/train/ACT/ACT_009_Verse_018.mp3,"Ke ame aɖe va fi tofi na Saulo be dzɔlawo le Damasko ƒe agbowo nu dzɔm zã kple keli be ne eva yina la, yewoawui." data/train/ACT/ACT_015_Verse_030.mp3,Mawu si nya amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzi me la xɔ wo hena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wo abe ale si wòna míawo hã ene. data/train/ACT/ACT_014_Verse_011.mp3,"eye wodo ŋusẽ xɔsetɔwo be woalé xɔse me ɖe asi. Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be, “Ele na mí be míato fukpekpe geɖewo me hafi age ɖe mawufiaɖuƒe la me.”" data/train/ACT/ACT_007_Verse_057.mp3,Yakob se be nuɖuɖu le Egiptenyigba dzi ale wòdɔ viawo ɖa be woaɖaƒle ɖe vɛ. data/train/ACT/ACT_016_Verse_017.mp3,"Ke Paulo gblɔ na kpovitɔwo be, “Woƒo mí le dutoƒo ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e togbɔ be míenye Romatɔwo hã; wode mí gaxɔ me, ke azɔ la, woaɖe mí ado goe le adzamea? Gbeɖe! Ɖeko woawo ŋutɔ nava hafi woakplɔ mí adoe.”" data/train/ACT/ACT_026_Verse_002.mp3,"be woƒe ŋkuwo naʋu, eye woatrɔ le viviti la gbɔ ava kekeli la me. Woatso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, be woakpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ, eye wodza le xɔse me.’" data/train/ACT/ACT_025_Verse_022.mp3,mina miaƒe kplɔla aɖewo nadze yonyeme aɖatsɔ nya ɖe ŋutsu la ŋu le afi ma nenye be eda vo aɖe.” data/train/ACT/ACT_007_Verse_016.mp3,"“Eva eme be dɔ sesẽ aɖe va to le Egipte kple Kananyigba dzi, ale be mía tɔgbuitɔgbuiwo kpe fu ŋutɔ. Nuɖuɖu vɔ le wo si keŋkeŋ." data/train/ACT/ACT_003_Verse_021.mp3,"Petro gblɔ nɛ be, “Nɔvi, klosalo kple sika mele asinye o, ke nu si le asinye lae mana wò. Le Yesu Kristo, Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ me, tsi tsitre nàzɔ azɔli.”" data/train/ACT/ACT_006_Verse_006.mp3,"Esi wotia ame adre siawo vɔ la, wokplɔ wo va apostoloawo gbɔe, eye wodo gbe ɖa ɖe wo ta, da asi ɖe wo dzi, heyra wo." data/train/ACT/ACT_025_Verse_015.mp3,"Ke Festus di vevie be yeave Yudatɔwo nu, eya ta ebia Paulo be, “Èlɔ̃ be yeayi Yerusalem be madrɔ̃ ʋɔnu ye le afi ma?”" data/train/ACT/ACT_022_Verse_007.mp3,"Asrafowo ƒe amegã la hã gagblɔ nɛ be, “Nye hã Romatɔe menye, gake ga home gbogbo aɖee mena hafi te ŋu zui.” Ke Paulo gblɔ nɛ be, “Nye ya Roma vidzidzie menye.”" data/train/ACT/ACT_023_Verse_028.mp3,"Nu sia he tɔtɔ gã aɖe vɛ, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo siwo nye Farisitɔwo tsi tsitre hedo ɣli be yewomekpɔ be naneke gblẽ le Paulo ŋu o, ke boŋ ɖewohĩ mawudɔla alo gbɔgbɔ aɖee ƒo nu nɛ le Damasko mɔ dzi." data/train/ACT/ACT_005_Verse_018.mp3,Ke ame aɖe va gblɔ na wo be ame siwo wolé de gaxɔ me la woe nye emawo le nya gblɔm na ameawo ŋusẽtɔe le gbedoxɔ la me. data/train/ACT/ACT_008_Verse_012.mp3,"Esi Simɔn kpɔ be wona Gbɔgbɔ Kɔkɔe amewo to apostoloawo ƒe asidada ɖe wo dzi me la, ena ga apostoloawo, eye wògblɔ na wo be," data/train/ACT/ACT_009_Verse_033.mp3,"Petro lé eƒe alɔnu, eye wòtsi tsitre. Azɔ Petro yɔ xɔsetɔawo kple ahosiawo va xɔa me, eye wòtsɔ Dɔkas gbagbe la de asi na wo." data/train/ACT/ACT_007_Verse_003.mp3,"Ale to nukunu geɖewo wɔwɔ me la, Mose kplɔ Israelviwo tso Egipte. Woto Ƒu Dzĩ la me, eye wozɔ mɔ to gbedzi ƒe blaene sɔŋ." data/train/ACT/ACT_016_Verse_001.mp3,be woawɔ nu siwo tsi tsitre ɖe Romatɔwo ƒe sewo ŋu.” data/train/ACT/ACT_024_Verse_007.mp3,"Esi mɔmefia la bia gbe wo la, Tertulo ƒo nu ɖe wo nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ Felix, le wò kpɔkplɔ nyui la te la, mí Yudatɔwo míekpɔ tomefafa kple bubu, eye amewo megakpɔa mí abe nu tsɛ aɖewo ko ene o." data/train/ACT/ACT_011_Verse_009.mp3,"Esi nu sia dzɔ alea ko la, Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ be, ‘Yohanes, de mawutsi ta na amewo kple tsi, ke miawo la, woade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la’ va ta me nam enumake." data/train/ACT/ACT_022_Verse_025.mp3,"Meti Kristotɔwo yome. Mewɔ funyafunya wo, wu wo, lé ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa de gaxɔ me." data/train/ACT/ACT_010_Verse_020.mp3,"Gbeɖiɖi la gayi edzi gblɔ na Petro be, “Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o.”" data/train/ACT/ACT_007_Verse_045.mp3,"“Mose ŋutɔ gblɔ na Israelviwo be, ‘Mawu ana nyagblɔɖila aɖe adzɔ tso mia nɔviwo dome abe nye ke ene.’" data/train/ACT/ACT_025_Verse_000.mp3,"Agripa gblɔ na Festus be, “Nye ŋutɔ medi be mabia gbe Paulo ase eƒe numegbe.” Festus do ŋugbe nɛ be, “Etsɔ àse eƒe numegbe.”" data/train/ACT/ACT_009_Verse_015.mp3,"Esia na be apostoloawo xɔ Saulo ɖe wo dome. Ale tso ɣe ma ɣi dzi la, enɔ xɔsetɔwo ŋu kplikplikpli le Yerusalem henɔ mawunya gblɔm dzideƒotɔe le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me." data/train/ACT/ACT_004_Verse_028.mp3,"Ne miele gbe biam mí egbe ku ɖe dɔmenyo si míewɔ na tekunɔ sia ta be míagblɔ ale si wòwɔ haya la," data/train/ACT/ACT_016_Verse_039.mp3,"Ɖetugbi la wɔ nu sia ŋkeke geɖe, ke gbe ɖeka la, eva glo Paulo, ale wòtrɔ ɖe ɖetugbi la ŋu heblu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ si le eme la ta be, “Mele gbe ɖem na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be nàdo go le ɖetugbi sia me fifi laa!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme enumake." data/train/ACT/ACT_027_Verse_035.mp3,"Mlɔeba la, mieto ƒukpo sue aɖe si woyɔna be “Kauda” la godo, eye to agbagbadzedze geɖe me la, wote ŋu he tɔdziʋu sue si woti kae ɖe ʋu si míeɖo ŋu la," data/train/ACT/ACT_013_Verse_012.mp3,"Esi nu sia nu va eme pɛpɛpɛ abe ale si woŋlɔe da ɖi le eƒe ku ŋu ene la, woɖe eƒe kukua le atitsoga ŋu heɖii ɖe yɔdo me." data/train/ACT/ACT_018_Verse_018.mp3,"Ke esi wòle dzodzom le wo gbɔ la, edo ŋugbe na wo be, “Ne Mawu lɔ̃ la, matrɔ ava.” Esia megbe la, eɖo tɔdziʋu tso Efeso." data/train/ACT/ACT_019_Verse_001.mp3,"ale gbegbe be wòtsɔa takuviwo kple akɔtawuiwo kaa dɔnɔwo ŋu wohayana, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le wo me." data/train/ACT/ACT_011_Verse_008.mp3,"“Esi mese nya sia la, mede asi nyanyui la gbɔgblɔ me na wo. Ke esi mele nyaa gbɔgblɔ dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ dze wo dzi abe ale si tututu wòdze míawo hã dzii le gɔmedzedzea ene." data/train/ACT/ACT_009_Verse_041.mp3,Tete wòdze mawunyagbɔgblɔ gɔme le woƒe ƒuƒoƒewo le gbɔgblɔm be Yesue nye Mawu ƒe Vi la. data/train/ACT/ACT_023_Verse_003.mp3,"Asrafomegã la kplɔ ɖekakpui la ɖe kpɔe hebia gbee be, “Nya ka nèdi be yeagblɔ nam?”" data/train/ACT/ACT_008_Verse_038.mp3,"Simɔn ɖo eŋu be, “Do gbe ɖa na Aƒetɔ la ɖe tanye be nu siwo miegblɔ la dometɔ aɖeke madzɔ ɖe dzinye o.”" data/train/ACT/ACT_013_Verse_028.mp3,"“Ke nɔvinyewo, Mawu gagbɔ agbee tso ku me," data/train/ACT/ACT_020_Verse_010.mp3,"Esi wova ɖo la, egblɔ na wo be, “Mienya ale si menɔ mia dome tso ŋkeke gbãtɔ si meva Asia nuto me va se ɖe fifia." data/train/ACT/ACT_013_Verse_025.mp3,"Ke dzidzɔ blibo yɔ ame siwo trɔ zu xɔsetɔwo la me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã yɔ wo me fũu." data/train/ACT/ACT_005_Verse_040.mp3,"Ɖe anyigba la menye tɔwò hafi nèdzrae oa? Eye esi nèdzrae la, ɖe ga la menye tɔwò oa? Nu kae wɔ wò be nèɖe afɔ sia? Menye amegbetɔe nèda alakpa na o, ke boŋ Mawue.”" data/train/ACT/ACT_004_Verse_023.mp3,"Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do ŋusẽ Petro, eye wòɖo eŋu na wo be, “Dziɖulawo kple dumegãwo!" data/train/ACT/ACT_026_Verse_016.mp3,"Gbã la, megblɔ nyanyui la na ame siwo le Damasko, eye tso afi ma la, meva Yerusalem kple Yudea nutowo me. Emegbe la, meyi ame siwo menye Yudatɔwo o dome, eye megblɔ na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu, eye woana woƒe nu nyui wɔwɔ nafia be wotrɔ dzi me vavã." data/train/ACT/ACT_001_Verse_013.mp3,"Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe teti ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔe yi dziƒo, esi nusrɔ̃lawo nɔ ekpɔm, eye wòbu ɖe wo le lilikpo la me." data/train/ACT/ACT_022_Verse_020.mp3,"“Ke esime wòsusɔ vie maɖo Damasko dua me, le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, keklẽ gã aɖe tso dziƒo klẽ ƒo xlãm." data/train/ACT/ACT_019_Verse_013.mp3,"Esi Paulo da asi ɖe wo dzi la, woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye woƒo nu kple gbegbɔgblɔ bubuwo hegblɔ nya ɖi hã." data/train/ACT/ACT_026_Verse_005.mp3,"“Ele nyanya me na Yudatɔwo katã be wohem tso ɖevime abe Yudatɔ akuakua ene, le nye dedu Tarso kple Yerusalem me, eye menɔ agbe ɖe sewo kple kɔnuwo nu pɛpɛpɛ ƒe geɖewo." data/train/ACT/ACT_015_Verse_000.mp3,"ale be ame mamlɛawo adi Aƒetɔ la ƒe mɔ kple ame siwo menye Yudatɔwo o siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la. Aƒetɔ la, ame si wɔa nu siawo katã lae gblɔe.’" data/train/ACT/ACT_007_Verse_031.mp3,"Le tsaɖiɖi sia me la, eva ke ɖe Israel ɖekakpui aɖe kple Egiptetɔ aɖe ŋu wonɔ dzre wɔm. Mose kpɔe be Egiptetɔ la nɔ Israel ɖekakpui la ƒom, nɔ funyafunya wɔmii, eya ta edze Egiptetɔ la dzi hewui." data/train/ACT/ACT_010_Verse_033.mp3,"Meɖee fia le dutoƒo o, ke boŋ eɖee fia mí apostoloawo siwo Mawu tia ɖi xoxo la, eye míeɖu nu, heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome megbe." data/train/ACT/ACT_019_Verse_034.mp3,"Paulo yi edzi bia wo be, “Ekema nu ka dzie miexɔ se hafi wode mawutsi ta na mi?” Woɖo eŋu be, “Wode mawutsi ta na mí ɖe Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nufiafia nu.”" data/train/ACT/ACT_024_Verse_010.mp3,"Felix nya nyuie be kristotɔwo mewɔa ʋunyaʋunya o. Le esia ta la, egblɔ na Yudatɔwo be woalala va se ɖe esime asrafowo ƒe amegã, Lisia nava hafi yeatso nya la me." data/train/ACT/ACT_006_Verse_012.mp3,"Le esia ta la, apostolo wuieveawo ƒo xɔsetɔwo katã nu ƒu hegblɔ na wo be, “Nɔviwo, mele be míawo míatsɔ nuɖuɖudzikpɔkpɔ awɔ míaƒe dɔe o. Míaƒe dɔe nye be míagblɔ mawunya." data/train/ACT/ACT_013_Verse_037.mp3,"Le nyateƒe me la, womekpɔ vodada aɖeke le eŋu be wòadze na ku o, gake wobia tso Pilato si be wòatso kufia nɛ kokoko." data/train/ACT/ACT_003_Verse_017.mp3,"Miawoe nye nyagblɔɖila siawo ƒe dzidzimeviwo, eye nu si Mawu bla kple mia tɔgbuiwo la, miawo hã miele eme. Mawu bla nu kple Abraham be, ‘Woayra xexea me blibo la to wò dzidzimeviwo dzi.’" data/train/ACT/ACT_022_Verse_022.mp3,"“Le afi ma la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Anania la va gbɔnye. Anania nye Yudatɔ, ame si mefena kple Yudatɔwo ƒe sewo o, ale Yudatɔ siwo katã le Damasko la tsɔ bubu tɔxɛ nɛ." data/train/ACT/ACT_020_Verse_036.mp3,"Wo katã wogatrɔ yi dziƒoxɔ la dzi, eye woɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Le esia megbe la, Paulo gayi eƒe nuƒoa dzi ʋuu va se ɖe fɔŋli hafi wòdzo le wo gbɔ." data/train/ACT/ACT_011_Verse_017.mp3,"Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de dzi ƒo nam be magaxa nu be womenye Yudatɔwo o, ke boŋ mayi kpli wo, eya ta nye kple nɔvinye ade siwo le afi sia la míedze mɔ heyi. Eteƒe medidi o la, míeva ɖo ame si dɔ ame ɖo ɖem la ƒe aƒe me le Kaesarea." data/train/ACT/ACT_015_Verse_024.mp3,"Ke ɖeko míaŋlɔ na wo be woadzudzɔ lã siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã siwo tsi ʋu me la ɖuɖu, eye hekpe ɖe esiawo ŋu la, woadzudzɔ ahasiwɔwɔ." data/train/ACT/ACT_010_Verse_018.mp3,"Eye Yesu dɔ mí be míagblɔ nyanyui la na amewo katã, eye míaɖe gbeƒãe be Mawu tia Yesu be wòanye ʋɔnudrɔ̃la na amewo katã, agbagbeawo kple kukuawo siaa." data/train/ACT/ACT_026_Verse_021.mp3,"Makpɔ tawò, eye maɖe wò tso wò ŋutɔ wò amewo kple ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe asi me. Le nyateƒe me la, maɖo wò ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o dome be nàgblɔ nyanyui la na wo," data/train/ACT/ACT_010_Verse_040.mp3,Simɔn Petro sia le ŋutsu bubu aɖe si hã woyɔna be Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe la ƒe aƒe me le ƒuta lɔƒo.” data/train/ACT/ACT_009_Verse_012.mp3,"Esi Saulo va ɖo Yerusalem la, edze agbagba be yeawɔ ɖeka kple xɔsetɔ siwo le afi ma la, gake wonɔ vɔvɔ̃m nɛ, eye womelɔ̃ te ɖe eŋu o, elabena wobu be alakpa dam wònɔ be yezu yewo dometɔ ɖeka." data/train/ACT/ACT_016_Verse_008.mp3,"Esi gaxɔdzikpɔla nyɔ tso alɔ̃ me, eye wòkpɔ be ʋɔtruawo katã nɔ ʋuʋu ɖi la, vɔvɔ̃ ɖoe, elabena ebu be gamenɔlawo katã si dzo. Le esia ta la, eɖe eƒe yi le aku me be yeawu ye ɖokui." data/train/ACT/ACT_017_Verse_024.mp3,"“Mawu siae wɔ xexea me kple nu siwo katã le eme, eye wònye dziƒo kple anyigba ƒe aƒetɔ na nu sia nu. Esia ta menɔa gbedoxɔ si amewo tsɔ asi tui la me o," data/train/ACT/ACT_024_Verse_019.mp3,"Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Felix kple srɔ̃a Drusila, ame si nye Yudatɔ la va, eye woɖo ame ɖe Paulo be wòava. Esi Paulo va la, eƒo nu na wo le Yesu Kristo dzixɔse ƒe nyawo ŋu. Nyawo de to me na Felix srɔ̃ nyuie." data/train/ACT/ACT_007_Verse_015.mp3,"“Esime ɣeyiɣi si Mawu ɖo na Abraham be yeaɖe eƒe dzidzimeviwo tso kluvinyenye me le Egipte ɖo vɔ la, Israelviwo gadzi ɖe edzi fũu ŋutɔ le Egipte." data/train/ACT/ACT_018_Verse_017.mp3,"Ke esi Galio nye dziɖula le Akaya nuto me la, Yudatɔwo wɔ ɖeka ɖe Paulo ŋu, eye wokplɔe yi ʋɔnui." data/train/ACT/ACT_005_Verse_025.mp3,"Ke ɖekakpui siwo nɔ teƒea la tsɔ avɔ bla ɖe eŋu, eye wokɔe do goe yi ɖaɖi." data/train/ACT/ACT_020_Verse_008.mp3,"Esi Paulo nɔ nu ƒom alea la, ɖekakpui aɖe si woyɔna be Eutiko la nɔ akɔlɔ̃e dɔm le fesre ɖeka nu. Kasia, Eutiko ge tso fesrea nu le dziƒoxɔ etɔ̃lia dzi ke va dze anyigba kpla, eye wòku enumake." data/train/ACT/ACT_004_Verse_027.mp3,"Le esia ta la, wona wokplɔ Petro kple Yohanes do goe le xɔa me, ale be woate ŋu akpɔ mɔnu ade adaŋu le wo ŋu." data/train/ACT/ACT_006_Verse_013.mp3,"Le esia ta la, wokplɔ ŋutsu aɖewo be woava ɖi aʋatsoɖase be, “Míese Stefano wòle busunya gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu.”" data/train/ACT/ACT_018_Verse_010.mp3,"Esi Paulo ke nu be yeaɖe ye ɖokui nu la, Galio xɔ nya le enu hegblɔ na Yudatɔwo be, “Ne mi Yudatɔwo ɖe miele nutsotso nam tso nu vlo wɔwɔ aɖe alo amewuwu ŋuti la, anye ne maɖo to mi," data/train/ACT/ACT_004_Verse_004.mp3,"Azɔ Takpekpea me nɔlawo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututu míawɔ ame eve siawo? Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be woda gbe le tekunɔ sia ŋu vavã eye nukunu sia ɖi hoo le Yerusalem du blibo la me eye míate ŋu asẽ nu o." data/train/ACT/ACT_001_Verse_024.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofo la ŋutɔe ɖo ŋkeke na nu siawo tɔgbi le eƒe ŋusẽ me, eye mehiã be miawo mianya ɣeyiɣi la kple ŋkeke la o." data/train/ACT/ACT_022_Verse_005.mp3,"“Anania yi edzi gblɔ nam be, ‘Mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la tia wò be nànya nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu, ase eƒe gbe, eye nàkpɔ Dzɔdzɔetɔ la, ase eƒe nuƒo hã." data/train/ACT/ACT_002_Verse_036.mp3,"Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mɔ li be magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui David la ŋuti, be eku, eye woɖii, eƒe yɔdo le mía dome va se ɖe egbe." data/train/ACT/ACT_002_Verse_031.mp3,"Mana nukunuwo nadzɔ le dziŋgɔli me, eye dzesiwo adze le anyigba dzi siaa eye wòadze abe ʋu, dzo bibi kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ ene." data/train/ACT/ACT_011_Verse_016.mp3,"Gbe ɖeka la, wo dometɔ ɖeka si woyɔna be Agabu la gblɔ nya ɖi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be dɔ gã aɖe gbɔna toto ge le xexea me katã. (Nya sia va eme le Fia Klaudio ƒe dziɖuɣi.)" data/train/ACT/ACT_008_Verse_036.mp3,"Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wò ga natsrɔ̃ kpli wò, elabena èbu be yeate ŋu aƒle Mawu ƒe nunana kple ga!" data/train/ACT/ACT_010_Verse_005.mp3,Ekpɔ aklala gã aɖe si wotsi ka eƒe dzogoe eneawo la wònɔ ɖiɖim tso dziƒo gbɔna anyigba. data/train/ACT/ACT_021_Verse_037.mp3,Vinyɔnuvi ene siwo dometɔ aɖeke meɖe srɔ̃ haɖe o la nɔ esi. Mawu na nyagblɔɖi ƒe ŋusẽ wo dometɔ ɖe sia ɖe. data/train/ACT/ACT_015_Verse_011.mp3,"Esi woxlẽ agbalẽ la, eye wose emenyawo la, hame la katã kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe." data/train/ACT/ACT_008_Verse_020.mp3,"eye wòtrɔ yina aƒe. Esi wònɔ mɔa dzi la, enɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm sesĩe le eƒe tasiaɖam me." data/train/ACT/ACT_011_Verse_021.mp3,"Le esia ta xɔsetɔwo ɖo be yewoadzɔ nu, aɖo ɖe yewo nɔvi Kristotɔ siwo le Yudea eye ame sia ame nadzɔ nu abe ale si wòate ŋui ene." data/train/ACT/ACT_008_Verse_040.mp3,"Wɔƒe kple gomekpɔkpɔ aɖeke mele asiwò le subɔsubɔdɔ sia me o, elabena wò dzi menyo le Mawu ƒe ŋkume o." data/train/ACT/ACT_015_Verse_028.mp3,"Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo doe ɖe Barnabas gbɔ be, “Na míatrɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo le du siwo me míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la le la, akpɔ ale si wole zɔzɔmee la ɖa.”" data/train/ACT/ACT_012_Verse_017.mp3,"Le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe Herodes ɖo be woaɖe Petro adrɔ̃ ʋɔnui la, Petro nɔ alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Wode gakɔsɔkɔsɔ asi nɛ sesĩe. Asrafo bubuwo hã ganɔ gaxɔa ƒe agbonu dzɔm." data/train/ACT/ACT_009_Verse_002.mp3,"Anania ɖo eŋu gblɔ be, “Aƒetɔ, mese be funyafunya si gbegbe Saulo sia wɔ ame kɔkɔewo le Yerusalem la mele gbɔgblɔ me o ɖe!" data/train/ACT/ACT_013_Verse_047.mp3,"Paulo yi eƒe nuƒoa dzi gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miɖo to miase nya sia ɖa. Yesu sia tae woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi." data/train/ACT/ACT_014_Verse_013.mp3,"Ke ame siwo menye Yudatɔwo o, kpakple Yudatɔwo kple woƒe dumegãwo wɔ ɖoɖo be yewoadze Paulo kple Barnabas dzi aƒu kpe wo, awɔ nu vevi wo." data/train/ACT/ACT_019_Verse_022.mp3,"Ke ele nyanya me na mi katã be Paulo va le tagbɔ gblẽm na amewo be mawu siwo wotsɔ asi wɔe la menye mawu gbagbe o, eye esia na be míaƒe dɔ megale edzi yim tututu le Efeso afi sia kple Asia nuto la katã me o." data/train/ACT/ACT_019_Verse_035.mp3,"Paulo yi ɖe ƒuƒoƒe la me nɔ mawunya gblɔm kple dzideƒo ɣleti etɔ̃ sɔŋ, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu ale be woxɔe se." data/train/ACT/ACT_009_Verse_017.mp3,"Gawu la, míese be ɖe wòxɔ agbalẽ koŋ tso nunɔlagãwo gbɔ be yeava lé ame siwo katã yɔa wò ŋkɔ.”" data/train/ACT/ACT_012_Verse_003.mp3,"Azɔ ko hafi Petro nya nu si tututu dzɔ, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyateƒe, Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖem le Herodes kple Yudatɔwo ƒe ta me vɔ̃ si woɖo ɖe ŋunye la me.”" data/train/ACT/ACT_003_Verse_009.mp3,"Esi woɖo gbedoxɔ la gbɔ la, wokpɔ ŋutsu tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be, “Agbo Nyui” la nu. Amea nye tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke, eye gbe sia gbe la, wokɔnɛ va dana ɖe agbo sia nu be wòabia nu le ame siwo yina gbedoxɔ me la si." data/train/ACT/ACT_021_Verse_018.mp3,"Ke esi míaƒe ɣeyiɣi de la, míedzo, eye míeyi míaƒe mɔzɔzɔ dzi. Hame blibo la, nusrɔ̃lawo kple wo srɔ̃wo kple wo viwo siaa va ɖo mí ɖa va se ɖe keke ƒuta, afi si míedo gbe ɖa le." data/train/ACT/ACT_015_Verse_032.mp3,"Míekpɔe dze sii be enyo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, menyo be míatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o," data/train/ACT/ACT_005_Verse_020.mp3,"Ke esi asrafoawo yi la, womekpɔ apostoloawo le gaxɔ la me o, ale wotrɔ ɖagblɔ na takpekpea me nɔlawo be," data/train/ACT/ACT_014_Verse_010.mp3,"eya ta Paulo yɔe gblɔ be, “Tsi tsitre!” Le gbeɖeɖe sia nu la, ŋutsu la ti kpo, eye wòde asi azɔlizɔzɔ me." data/train/ACT/ACT_009_Verse_031.mp3,"Nyadzɔdzɔ sia wɔ nuku na Saulo ŋumewo ŋutɔ. Woƒe nu ku ale gbegbe be gbɔgblɔ bu ɖe wo, elabena wonɔ gbeɖiɖi aɖe sem pɛpɛpɛ, gake womekpɔ ame si nɔ nu ƒom la o." data/train/ACT/ACT_013_Verse_010.mp3,"Esi Mawu fɔe ɖe tsitsre, eye wòɖo kpe edzi be eƒe ŋutilã maganyunyɔ akpɔ o ta la, egblɔ le eŋuti be, “ ‘Matsɔ yayra kɔkɔe kple vavãtɔ si ŋugbe wodo na David la na wò.’" data/train/ACT/ACT_009_Verse_024.mp3,"Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yudatɔwo ƒe kplɔlawo wɔ ɖoɖo be yewoawu Saulo." data/train/ACT/ACT_014_Verse_017.mp3,"Ke Yudatɔ siwo medina be yewoaxɔ Mawu ƒe ɖeɖenya sia dzi ase o la, gblɔ nya baɖa ƒomevi geɖewo ɖe wo nɔviawo ŋu. Wowɔ esia be ame siwo menye Yudatɔwo o la nagaxɔ woƒe nyawo dzi ase o." data/train/ACT/ACT_013_Verse_027.mp3,"“Ke nu kae va dzɔ? Israelviwo ɖe kuku na Mawu be wòana fia yewo abe ale si wòle dukɔ bubuwo sii la ene, eya ta Mawu na Saulo si nye Kish ƒe vi la va ɖu fia ɖe wo dzi. Saulo tso Benyamin ƒomea me, eye wòɖu fia ƒe blaene." data/train/ACT/ACT_018_Verse_009.mp3,"elabena meli kpli wò, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o, ame geɖewo le du sia me siwo nye tɔnyewo.”" data/train/ACT/ACT_001_Verse_003.mp3,"elabena Yohanes tsɔ tsi de mawutsi ta na amewo, gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, miawo ya la, woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la adee na mi.”" data/train/ACT/ACT_024_Verse_003.mp3,"Azɔ eɖo Paulo hã dzi be wòaɖe eɖokui nu. Mɔmefiagã la wɔ asi nɛ be wòatso aƒo nu. Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ, menya be menye egbee nèle Yudatɔwo ƒe nyawo drɔ̃m o. Le esia ta la, dzideƒo le asinye be maɖe ɖokuinye nu le gbɔwò." data/train/ACT/ACT_007_Verse_009.mp3,"Esi Mose kpɔ dzobibia la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ, eya ta eƒu du yi teƒea be yeakpɔ nu si wònye. Ke esi wòƒu du yina la, ese Mawu ƒe gbe be," data/train/ACT/ACT_007_Verse_033.mp3,"“Le ƒe blaene megbe la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Mose le gbedzi le teƒe aɖe si te ɖe Sinai to la ŋu. Mawudɔla la ɖe eɖokui fiae le gbe aɖe si nɔ bibim la me." data/train/ACT/ACT_026_Verse_012.mp3,"“Fia Agripa, enye dzidzɔ kple bubu gã aɖe nam be mekpɔ mɔnu sia be maƒo nu na wò le nu siwo katã Yudatɔwo tsɔ le nunye tsom la ŋuti," data/train/ACT/ACT_007_Verse_012.mp3,"Esi wonɔ kpe fum Stefano la, edo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ.”" data/train/ACT/ACT_020_Verse_018.mp3,"Le esia megbe la, wokpla asi kɔ nɛ hedo hedenyuie nɛ kple avi," data/train/ACT/ACT_009_Verse_003.mp3,"Azɔ tsi tsitre nàyi Damasko dua me; ne èɖo afi ma la, woagblɔ nu siwo nàwɔ la na wò.”" data/train/ACT/ACT_013_Verse_024.mp3,"Ke Barnabas kple Paulo ya tso eme yi Antioxia si le Pisidia nuto me. Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, woyi sɔleme le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe." data/train/ACT/ACT_013_Verse_006.mp3,"Dɔ me ve Yudatɔwo ƒe dumegãwo ale gbegbe be wode ʋunyaʋunya dua me nyɔnu ŋkuta siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, ale be tɔtɔ gã aɖe va, eye to esia me la, wonya Paulo kple Barnabas do goe le dua me." data/train/ACT/ACT_005_Verse_028.mp3,"Mía fofowo ƒe Mawu la fɔ Yesu tso ku me, eya ame si mina woklã ɖe ati ŋuti." data/train/ACT/ACT_020_Verse_035.mp3,vevietɔ le esime wògblɔ na wo be womegale ye kpɔ ge akpɔ o la ta. Ale wokplɔe ɖo ɖa va se ɖe tɔdziʋu la me ke. data/train/ACT/ACT_012_Verse_014.mp3,"Ke Petro ganɔ ʋɔa ƒoƒo dzi ŋusẽtɔe. Mlɔeba la, woyi ɖaʋu agboa, eye esi wokpɔ Petro la, gbɔgblɔ bu ɖe wo ŋutɔ." data/train/ACT/ACT_017_Verse_030.mp3,"To esia me la, wo dometɔ geɖewo zu xɔsetɔwo eye Helatɔ ŋkuta siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa xɔ nya la dzi se." data/train/ACT/ACT_027_Verse_039.mp3,"‘Paulo, mègavɔ̃ o, elabena àva ɖo Kaisaro gbɔ dedie be wòadrɔ̃ ʋɔnu wò. Gawu la, Mawu se wò gbedodoɖa, eya ta ame siwo katã le ʋua me kpli wò la atsi agbe’" data/train/ACT/ACT_007_Verse_043.mp3,"Mitɔ asi nyagblɔɖila si yome mia tɔgbuiwo meti hewɔ fui o la dzi nam. Wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ Dzɔdzɔetɔ la ƒe vava ɖi eye miawo hã miede ame sia asi, eye miewui." data/train/ACT/ACT_021_Verse_024.mp3,"Ke ŋkeke evea gbe la, Paulo kplɔ mí ɖe asi, eye míeɖado gbe na Yakobo kple hamemegã siwo le Yerusalem hamea me." data/train/ACT/ACT_015_Verse_041.mp3,"Woŋlɔ agbalẽ de ame dɔdɔawo si, eye emenyawo yi ale: Mía nɔvi siwo menye Yudatɔwo o siwo trɔ zu xɔsetɔwo le Antioxia, Siria kple Kilikia, Mixɔ gbedoname tso. Apostolowo, hamemegãwo kple mia nɔvi siwo le Yerusalem la gbɔ." data/train/ACT/ACT_008_Verse_001.mp3,"Amewo katã ku ɖe eŋu; ame ŋkutawo kple ame gblɔewo siaa, eye woda ŋkɔ ɖe edzi be, “Ame siae nye Mawu ƒe ŋusẽ si woyɔna be Ŋusẽ Gã” la." data/train/ACT/ACT_008_Verse_014.mp3,"Esi wonɔ mɔa dzi yina sẽe ko la, wova ke ɖe tɔsisi sue aɖe ŋu. Etiopia ŋutsua bia Filipo be, “Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu ka ta nyemade mawutsi ta zi ɖeka o?”" data/train/ACT/ACT_007_Verse_048.mp3,"Nya sia gado dziku na wo ŋutɔ, ale wo katã wotsɔ woƒe asiwo xe to me be yewomagase nya aɖeke o. Wodze Stefano dzi henɔ ɣli dom be ame aɖeke megase eƒe nya o." data/train/ACT/ACT_014_Verse_021.mp3,"Mlɔeba la, woɖo tɔdziʋu tso Atalia hetrɔ va ɖo Antioxia, afi si wodze woƒe mɔzɔzɔ gɔme le. Afi siae wobia Mawu ƒe amenuveve na wo, ku ɖe dɔ si nu wowu fifia la ŋu." data/train/ACT/ACT_020_Verse_004.mp3,"“Azɔ metsɔ mi de asi na Mawu, eya ame si ƒe amenuvevenya ana be miaƒe xɔse nali ke, be wòakpɔ mia ta, eye wòakpɔ gome le ame tiatiawo katã ƒe domenyinu la me." data/train/ACT/ACT_002_Verse_037.mp3,"Petro yi edzi gblɔ be, “Nɔvi Israeltɔwo, miɖo to miase! Mawu wɔ nukunuwo, dzesiwo kple nu dzɔtsuwo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi be yeatsɔ aɖo kpe edzii be Yesu nye ye Vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ." data/train/ACT/ACT_004_Verse_005.mp3,"Do wò asi ɖa be míate ŋu ada gbe le dɔnɔwo ŋu, awɔ nukunu gãwo le wò dɔla Kɔkɔe, Yesu, ƒe ŋkɔ me.”" data/train/ACT/ACT_010_Verse_019.mp3,"Gbe ɖeka abe ɣetrɔ ga etɔ̃ me ene la, ekpɔ ŋutega esime wònɔ gbe dom ɖa. Ekpɔ mawudɔla aɖe wògbɔna egbɔ. Mawudɔla la yɔe be, “Kornelio!”" data/train/ACT/ACT_007_Verse_019.mp3,"“Ke ame siawo dometɔ si ƒe nya medzɔ o la gblɔ na Mose be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe nya gbɔ eye megade nu yewo tɔ me o. Ebia Mose be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía dzi?’ Eyi edzi bia Mose be," data/train/ACT/ACT_009_Verse_030.mp3,"Nukunya sia kaka ɖe Yopa du blibo la me, eye ame geɖewo ŋutɔ trɔ hexɔ Aƒetɔ la dzi se." data/train/ACT/ACT_007_Verse_049.mp3,Nya sia sese te ɖe Mose dzi ale wòsi dzo le nuto la me yi ɖanɔ Midianyigba dzi afi si wòdzi eƒe viŋutsu eveawo le. data/train/ACT/ACT_010_Verse_038.mp3,"Petro yi edzi be, “Ke mí apostoloawoe nye ɖaseɖilawo na nu siwo katã wòwɔ le Yudatɔwo ƒe anyigba dzi kple Yerusalem, afi si woklãe ɖe ati ŋu hewui le." data/train/ACT/ACT_021_Verse_035.mp3,"Tso afi ma míeyi Kaesarea, eye míedze nyanyuigblɔla Filipo si nye hadzikpɔla gbãtɔ adreawo dometɔ ɖeka la gbɔ." data/train/ACT/ACT_023_Verse_022.mp3,Ke Paulo ƒe srɔ̃nyi aɖe se woƒe ɖoɖo sia ale wòɖe abla ɖagblɔe na Paulo le mɔ la me. data/train/ACT/ACT_007_Verse_059.mp3,"“Yosef si nye Yakob ƒe vi mamlɛtɔ la ƒe nu menyo nɔvia bubuawo ŋu o, ale wodzrae na kluvisitsalawo, ame siwo kplɔe yi Egipte abe kluvi ene. Ke hã la, Mawu nɔ kplii" data/train/ACT/ACT_008_Verse_003.mp3,"Dzudzɔ ta me vɔ̃ɖi ɖoɖo ne nàdo gbe ɖa na Aƒetɔ la. Ɖewohĩ atsɔ wò susu vɔ̃ɖi sia ake wò," data/train/ACT/ACT_011_Verse_022.mp3,"Le ɣe ma ɣi me tututu la, ame dɔdɔ etɔ̃ aɖewo tso Kaesarea va ɖo aƒe si me menɔ la me be yewoakplɔm ayi Kaesarea." data/train/ACT/ACT_007_Verse_024.mp3,"“Ke hã la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la menɔa gbedoxɔ si amegbetɔ ŋutɔ tsɔ eƒe asi tui la me o, elabena Mawu ŋutɔ gblɔ to eƒe Nyagblɔɖila Yesaya dzi be," data/train/ACT/ACT_004_Verse_035.mp3,"Yesu ɖeka pɛ ko dzi ame sia ame ato hafi akpɔ xɔxɔ, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te si wona amegbetɔwo, esi me wòle be míakpɔ xɔxɔ la le o.”" data/train/ACT/ACT_016_Verse_022.mp3,"Le gbe ma gbe ƒe zã me la, Paulo kpɔ ŋutega aɖe. Ekpɔ ame aɖe si tsi tsitre ɖe Makedonia le Helanyigba dzi nɔ kuku ɖem nɛ be, “Tso ƒu la nàva mía gbɔ le Makedonia afi sia, ne nàva kpe ɖe mía ŋu.”" data/train/ACT/ACT_016_Verse_021.mp3,"Le esia ta la, Paulo bia tso esi be wòadze yewo yome le yewoƒe mɔzɔzɔ la me. Hafi woadze mɔ la, Paulo tso aʋa na Timoteo be wòaganye nuɖianu na Yudatɔ siwo le nuto la me o, elabena ele nyanya me na ame sia ame be Helatɔe nye Timoteo fofo." data/train/ACT/ACT_023_Verse_012.mp3,"Esi wògblɔ esia ko la, ʋiʋli ge ɖe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo dome, eye takpekpe la ma ɖe akpa eve." data/train/ACT/ACT_011_Verse_026.mp3,"“Nuwɔna sia yi edzi zi etɔ̃ sɔŋ, eye emegbe la, wohe aklala la kple nu siwo katã nɔ edzi la yi dziƒoe." data/train/ACT/ACT_023_Verse_014.mp3,"Esi wòɖe nu le nya sia me teti ko la, nunɔlagã Anania ɖe gbe be ame siwo le Paulo gbɔ lɔƒo la naƒo nugbɔ nɛ. Ale woƒoe nɛ." data/train/ACT/ACT_026_Verse_015.mp3,"Fia Agripa ŋutɔ hã nya nu le nu siawo ŋu. Meka ɖe edzi be Fia Agripa se nya siawo katã kpɔ, elabena wonye nu siwo dzɔ le gaglãgbe, eye womele ɣaɣla ɖe ame aɖeke o." data/train/ACT/ACT_026_Verse_023.mp3,Mewɔ funyafunya ƒomevi geɖewo Kristotɔ siawo le ƒuƒoƒewo katã be wogblɔ busunya. Melé fu ame siawo ale gbegbe be metia wo yome yia du bubuwo ke hã me. data/train/ACT/ACT_010_Verse_007.mp3,"elabena wose wonɔ aɖe yeye gblɔm, nɔ Mawu kafum. Tete Petro gblɔ be," data/train/ACT/ACT_028_Verse_027.mp3,"Wodzro nyawo me le wo ɖokuiwo me ʋuu hafi kaka dzo. Ke nya si tsi to me na wo, eye wòɖe fu na wo dometɔ geɖewo lae nye esi Paulo gblɔ na wo be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nya si wògblɔ to Nyagblɔɖila Yesaya dzi la le eme tututu be," data/train/ACT/ACT_018_Verse_028.mp3,"Wotsɔ nya ɖe eŋu be, “Ŋutsu sia le amewo hem be woasubɔ Mawu le mɔ si mesɔ kple se la o dzi.”" data/train/ACT/ACT_027_Verse_022.mp3,"Ke le esi woƒe amegã, Yulio di be yeaɖe Paulo ƒe agbe ta la, melɔ̃ ɖe woƒe susu si wodo ɖa la dzi o. Ke boŋ eɖe gbe be ame siwo nya tsiƒuƒu la nadze agbagba aƒu tsi ayi gota." data/train/ACT/ACT_005_Verse_038.mp3,"Zi gã aɖe tɔ le du siwo ƒo xlã Yerusalem la me, eye amewo kɔ woƒe dɔnɔwo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la vɛ, eye woda gbe le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu." data/train/ACT/ACT_015_Verse_017.mp3,"Ke ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu Kristotɔwo la tsi tsitre, eye wogblɔ be, “Ele be woatso aʋa na ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo trɔ zu xɔsetɔwo la katã, eye woawɔ ɖe Mose ƒe sewo dzi.”" data/train/ACT/ACT_017_Verse_034.mp3,"Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ dua me la ʋã ŋu Paulo kple Silas, eya ta woƒo gbevu aɖewo nu ƒu tso ablɔwo dzi siwo wɔ ameha gã aɖe, eye wowɔ ʋunyaʋunya le dua me. Wosi du yi Yason ƒe aƒe me le Paulo kple Silas dim ne woakplɔ wo va ameha la ŋkumee." data/train/ACT/ACT_021_Verse_010.mp3,"Esi míese nya sia la, mí Paulo ŋumewo kple dua me kristotɔwo katã míeɖe kuku na Paulo be megayi Yerusalem o." data/train/ACT/ACT_007_Verse_046.mp3,"Mose ƒe nya sia va eme pɛpɛpɛ elabena esi wonɔ gbedzi nɔ yiyim la, Mose nye avuléla si nɔ Israelviwo kple mawudɔla si na Mawu ƒe sewo le Sinai to dzi la dome. Se si nye Agbenya lae wòna wo." data/train/ACT/ACT_002_Verse_025.mp3,Ke ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.’ ” data/train/ACT/ACT_010_Verse_022.mp3,"Ke dɔ de asi ewuwu me, eye wòdi be yeaɖu nu, ke esi wònɔ nua ɖam la, ekpɔ ŋutega." data/train/ACT/ACT_025_Verse_003.mp3,"Esi enutsolawo tsi tsitre be woaƒo nu la, wometsɔ nya sesẽ aɖeke ɖe eŋu, abe ale si mebui ene o," data/train/ACT/ACT_010_Verse_036.mp3,"Petro se gbeɖiɖi aɖe wògblɔ nɛ be, “Wu lã siawo ne nàɖu.”" data/train/ACT/ACT_026_Verse_006.mp3,"Emegbe esi wonɔ nya la me dzrom kpɔ le wo ɖokuiwo dome la, wokpɔe dze sii be le nyateƒe me la, Paulo mewɔ naneke si dze na ku alo gamenɔnɔ gɔ̃ hã o." data/train/ACT/ACT_003_Verse_015.mp3,"“Le Yesu ƒe ŋkɔ me, to xɔse me tekunɔ sia, ame si miekpɔ, eye mienya nyuie la kpɔ dɔyɔyɔ. Yesu ƒe ŋkɔ kple xɔse si vana to eƒe ŋkɔ me lae na dɔyɔyɔ bliboe abe ale si mi katã miele ekpɔm ene." data/train/ACT/ACT_019_Verse_026.mp3,"Le esia ta la, mehiã be ne ame aɖe gblɔ nya bubu aɖe ko la, mianɔ ʋunyaʋunya wɔm alea gbegbe o." data/train/ACT/ACT_022_Verse_006.mp3,"Asrafo sia yi eƒe amegã gbɔ enumake ɖagblɔ nɛ be, “Amegã, nu kae nye esia nèbe yeawɔ? Mènya be ame sia la Romatɔ wònye hafi nèbe woaƒoe oa?”" data/train/ACT/ACT_002_Verse_040.mp3,"Wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ anyi le vɔvɔ̃ tɔxɛ me, eye apostoloawo hã wɔ nukunu kple dzesi geɖewo wokpɔ." data/train/ACT/ACT_003_Verse_011.mp3,"Ke azɔ la, nɔviwo, mitrɔ dzi me, miatrɔ ɖe Mawu ŋu, be wòatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, eye miaxɔ fafa tso aƒetɔ la gbɔ," data/train/ACT/ACT_003_Verse_020.mp3,"ne wòaɖo Kristo si nye Yesu, ame si wòtia na mi la ɖe mi." data/train/ACT/ACT_004_Verse_013.mp3,"Esi takpekpea kpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, evɔ wonye ame gbɔlo siwo menya agbalẽ o la, woƒe mo wɔ yaa, eye wode dzesii be ame siawo nɔ Yesu ŋu va yi." data/train/ACT/ACT_016_Verse_012.mp3,"Gaxɔdzikpɔla la gblɔ nya la na Paulo be, “Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo gbe ɖa be woaɖe asi le wò kple Sila ŋuti, eya ta miate ŋu adzo azɔ. Miyi le ŋutifafa me.”" data/train/ACT/ACT_007_Verse_044.mp3,"Mose bui be wɔna sia ana be eya ŋutɔ nɔviawo axɔe se be Mawue ɖo ye ɖa be yeava ɖe wo le aboyo me hafi, gake womexɔe nenema o." data/train/ACT/ACT_023_Verse_021.mp3,"Ke le esime mese be Yudatɔwo ganɔ ɖoɖo wɔm le bebeme be yewoawui ta la, meɖoe be makplɔe ɖo ɖe wò, eye magblɔ na eƒe futɔwo hã be woava gbɔwò ne nàdrɔ̃ nya la na wo." data/train/ACT/ACT_015_Verse_018.mp3,Ke apostolowo kple hamemegãwo ɖe kpɔ hedzro biabia sia me nyuie. data/train/ACT/ACT_016_Verse_018.mp3,"Kpovitɔ siwo wodɔ ɖo ɖe gaxɔdzikpɔla gbɔ la trɔ va gblɔ Paulo ƒe nya la na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ esi wose be Paulo kple Sila nye Romatɔwo ta." data/train/ACT/ACT_020_Verse_016.mp3,"Ke viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o, negbe ɖeko mewɔ eŋuti dɔ tsɔ wɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu de asi nam la. Dɔ lae nye be magblɔ nyanyui la na amewo le Mawu ƒe amenuveve gã ŋuti." data/train/ACT/ACT_025_Verse_006.mp3,"Esi Paulo va ɖo ʋɔnua ko la, Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paul ŋu, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋu aɖeke le o." data/train/ACT/ACT_027_Verse_010.mp3,"Esi wòdzɔ alea ko la, asrafoawo gblɔ na woƒe amegã be wòaɖe mɔ na yewo yewoawu gamemɔlawo katã, ale be wo dometɔ aɖeke nagadzo dze ƒua me, aƒu tsi asi dzo le yewo gbɔ o." data/train/ACT/ACT_027_Verse_001.mp3,"Ahom la nu gasẽ ɖe edzi hena ŋkeke geɖewo, eye míete ŋu kpɔ ɣe alo ɣletiviwo le dziŋgɔli me gɔ̃ hã o. Esia na be míebu mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ." data/train/ACT/ACT_017_Verse_020.mp3,"Ke womekpɔ Paulo kple Silas le aƒea me o, eya ta wolé Yason kple xɔsetɔ aɖewo, kplɔ wo yi dumegãwo gbɔe, eye wonɔ ɣli dom be, “Ame siwo de zi amewo me le xexea me katã la va afi sia hã azɔ," data/train/ACT/ACT_010_Verse_004.mp3,"Egblɔ nam be, ‘Kornelio, Mawu se wò gbedodoɖawo, eye wòkpɔ dzidzɔ le wò dɔmenyowɔwɔ ŋu." data/train/ACT/ACT_012_Verse_025.mp3,"Woɖo ŋkeke na ame dɔdɔawo be woava kpɔ Herodes. Esi ŋkeke la ɖo la, wova ƒo ƒu, eye Herodes do eƒe fiawu nɔ eƒe fiazikpui dzi, heƒo nu na amehawo." data/train/ACT/ACT_013_Verse_052.mp3,"ŋugbedodo sia va eme na mí, wo viwo esi wòfɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome abe ale si woŋlɔe ɖe Psalmo evelia mee ene be, “ ‘Wòe nye vinye ŋutsu, egbe mezu fofowò.’" data/train/ACT/ACT_005_Verse_016.mp3,"Gake nenye Mawu ƒe dɔ wɔm wole vavã la, ekema miate ŋu atsi enu gbeɖe o. Gawu la, ne miekpɔ nyuie o la, miakpɔ be yewole kame tem kple Mawu.”" data/train/ACT/ACT_023_Verse_002.mp3,"Asrafoa kplɔ ɖekakpui la yii abe ale si Paulo gblɔ nɛ ene, eye wògblɔ na asrafoawo ƒe amegã be, “Paulo, gamenɔla la, yɔm va eɖokui gbɔ, eye wòɖe kuku nam be makplɔ ɖekakpui sia va gbɔwò, elabena nya aɖe le esi be wòagblɔ na wò.”" data/train/ACT/ACT_005_Verse_000.mp3,"Abe gaƒoƒo etɔ̃ megbe ene la, Anania srɔ̃, Safira hã va ɖo. Eya menya nu si dzɔ ɖe srɔ̃a dzi o." data/train/ACT/ACT_018_Verse_021.mp3,Nu sia do ŋusẽ Paulo ale wònɔ Korinto ƒe ɖeka kple afã sɔŋ henɔ Mawu ƒe nyateƒenya la gblɔm. data/train/GAL/GAL_001_Verse_000.mp3,"Abe ale si míegblɔe va yi ene la, megale egblɔm be: ne ame aɖe gblɔ nyanyui bubu aɖe wu esi miexɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva ame ma dzi." data/train/GAL/GAL_003_Verse_026.mp3,"Ŋugbedodo la nye Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tɔ. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la megblɔ be “na dzidzimeviwo o” si gɔmee nye ame geɖewo, ke boŋ “na wò dzidzimeviwo” si gɔmee nye ame ɖeka si nye Kristo." data/train/GAL/GAL_002_Verse_006.mp3,"Ke ame siwo ŋu wodea bubui la, ame ka ke wonye hã la, nyemetsɔ ɖeke le eme o; Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ame siwo buna bena wonye nane la, womegblɔ nya aɖeke fiam o." data/train/GAL/GAL_003_Verse_000.mp3,Ale se la zu míaƒe mɔfiala va se ɖe esime Kristo va be woatso afia na mí to xɔse me. data/train/GAL/GAL_003_Verse_023.mp3,"Nɔviwo, mana kpɔɖeŋu aɖe mi tso gbe sia gbe-gbenɔnɔ me. Abe ale si ame aɖeke mate ŋu atu alo atsɔ naneke akpe ɖe nubabla si amegbetɔwo wɔ ŋu o ene la, nenema wòle le go sia me hã." data/train/GAL/GAL_005_Verse_017.mp3,Menye ame si yɔ mi lae ƒo nya sia ɖe mia nu o. data/train/GAL/GAL_003_Verse_004.mp3,"Elabena ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe se la ƒe dɔwɔwɔwo dzi la, wole fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woaƒo fi ade ame sia ame si menɔ agbe ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽ la me la nu o.”" data/train/GAL/GAL_002_Verse_020.mp3,"Yakobo, Kefa kple Yohanes, ame siwo amewo buna be wonye sɔtiwo na hamea la, woxɔ nye kple Barnabas ɖe hamea me esi wode dzesi amenuveve si wonam la. Wolɔ̃ ɖe edzi be míawo míayi ame siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ, eye woawo nayi aʋatsotsotɔwo gbɔ." data/train/GAL/GAL_003_Verse_029.mp3,"Ɖe mietsi bome nenema gbegbea? Esi mietsɔ Gbɔgbɔ la dze egɔmee la, azɔ ɖe miedi be yewoatsɔ ŋutilã awu enua?" data/train/GAL/GAL_003_Verse_001.mp3,"Azɔ esi xɔse sia va la, míegale se, si nye mɔfiala la te o." data/train/GAL/GAL_001_Verse_002.mp3,"Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo," data/train/GAL/GAL_001_Verse_020.mp3,"Nyemexɔe tso ame aɖeke gbɔ o, alo menye ame aɖekee fiam o, ke boŋ mexɔe to ɖeɖefia me tso Yesu Kristo gbɔ." data/train/GAL/GAL_004_Verse_003.mp3,"Azɔ afi ka miaƒe dzidzɔ ƒe kafukafu la le? Elabena mate ŋu agblɔe be, ɖe miete ŋui la, ne mieho miaƒe ŋkuwo le to me hetsɔ nam." data/train/GAL/GAL_001_Verse_012.mp3,"Mekpɔ ŋgɔyiyi geɖe le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me wu hanyeti geɖewo, eye meʋã ŋu vevie le mía tɔgbuiwo ƒe kɔnyinyiwo ŋu." data/train/GAL/GAL_005_Verse_016.mp3,"Mele mɔ kpɔm le Aƒetɔ la me be miabu nu bubu aɖeke ŋuti o. Ame ka kee le fu ɖem na mi hele mia flum hã la, Mawu ŋutɔ ahe to nɛ." data/train/GAL/GAL_003_Verse_005.mp3,"Elabena le Kristo Yesu me la, mi katã mienye Mawu ƒe viwo to xɔse me," data/train/GAL/GAL_006_Verse_011.mp3,"Migana míagbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o, elabena ne míegbɔdzɔ o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi." data/train/GAL/GAL_004_Verse_028.mp3,"Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele kuku ɖem na mi be miwɔ nu abe nye ene, elabena nye hã mezu abe miawo ene. Miewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋunye o." data/train/GAL/GAL_001_Verse_019.mp3,"Nyemele agbagba dzem be madze amegbetɔwo ŋu o, ke boŋ be madze Mawu ŋu. Nyemele agbagba dzem be madze amewo ŋu o. Nenye ɖe mele agbagba dzem be madze amewo ŋu la, ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o." data/train/GAL/GAL_005_Verse_002.mp3,“Amɔ ʋaʋã sue aɖe nana amɔ blibo la ʋãna.” data/train/GAL/GAL_004_Verse_012.mp3,"Eya ta Hagar nye Sinai to si le Arabia, eye wòsɔ kple egbegbe Yerusalem du, elabena eya kple viawo le kluvinyenye me." data/train/GAL/GAL_005_Verse_001.mp3,Ame siwo nye Kristo Yesu tɔ la klã woƒe ŋutilã kple eƒe nudzodzro vɔ̃wo ɖe ati ŋuti. data/train/GAL/GAL_006_Verse_005.mp3,elabena ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba. data/train/GAL/GAL_003_Verse_009.mp3,"Eya ta ame siwo katã si xɔse le la, woyra woawo hã abe Abraham, ame si xɔ Mawu dzi se la ene." data/train/GAL/GAL_004_Verse_023.mp3,"Miewɔna ɖe ŋkekewo kple ɣletiwo, azãgbewo kple ƒewo ƒe ɖoɖo tɔxɛwo dzi." data/train/GAL/GAL_003_Verse_020.mp3,"Nenema ke Abraham hã xɔ Mawu dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ." data/train/GAL/GAL_003_Verse_028.mp3,"Ɖe miekpe fu siawo dzodzroa, nenye dzodzroe hã?" data/train/GAL/GAL_005_Verse_015.mp3,Megale egblɔm ake na ame sia ame si lɔ̃ wotso aʋa nɛ la be ele nɛ be wòawɔ ɖe se blibo la katã dzi. data/train/GAL/GAL_003_Verse_002.mp3,"Azɔ la, Yudatɔ alo ame si menye Yudatɔ o la megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; ŋutsu alo nyɔnu megali o; elabena mi katã miele ɖeka le Kristo Yesu me." data/train/GAL/GAL_004_Verse_010.mp3,"Enyo ne amewo ve mia nu kple tameɖoɖo nyui ɖaa, ke menye le ɣeyiɣi si me mele mia gbɔ ko o." data/train/GAL/GAL_004_Verse_019.mp3,"Ke nu ka Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ? Egblɔ be, “Nya kosi la kple via, elabena kosi la ƒe vi mate ŋu anyi Abraham ƒe dome kple ablɔɖenyɔnu la ƒe vi gbeɖe o.”" data/train/GAL/GAL_003_Verse_012.mp3,"Eɖe mí bena Abraham ƒe yayra nava ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi to Kristo Yesu me, ale be to xɔse me la, míaxɔ Gbɔgbɔ la ƒe ŋugbedodo." data/train/GAL/GAL_005_Verse_018.mp3,"Mi ame siwo le didim be woatso afia na yewo to se la dzi wɔwɔ me la, woklã mi ɖa tso Kristo gbɔ; amenuveve la bu ɖe mi." data/train/GAL/GAL_003_Verse_021.mp3,"Nu ka ta koŋ wona se la ɖo? Wotsɔ se la kpe ɖe eŋu ɖe vodadawo ta va se ɖe esime dzidzime, si ŋuti ŋugbedodo la ku ɖo la nava. Wona se la to mawudɔlawo dzi, eye wotsɔe de asi na avuléla." data/train/GAL/GAL_005_Verse_014.mp3,"Ke ŋutilã ƒe nudzodzrowo dze ƒãa. Woawoe nye: matrewɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze," data/train/GAL/GAL_004_Verse_005.mp3,"Aʋatsonufiala mawo le didim vevie be yewoadze mia ŋu, ke menye ɖe miaƒe nyonyo ta o. Nu si wole didim be yewoawɔ lae nye be yewoɖe mi ɖe aga tso gbɔnye, ale be miaɖo to yewo wu." data/train/GAL/GAL_003_Verse_006.mp3,"elabena mi ame siwo wode mawutsi ta na ɖe Kristo me la, miedo Kristo abe awu ene." data/train/GAL/GAL_001_Verse_018.mp3,"Nyemekpɔ apostoloawo dometɔ aɖeke o, negbe Yakobo, Aƒetɔ la nɔvi ko." data/train/GAL/GAL_004_Verse_018.mp3,"Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ va ɖo la, Mawu dɔ Via si nyɔnu aɖe dzi le se la te la ɖa" data/train/GAL/GAL_003_Verse_003.mp3,"Ekema ɖe se la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋutia? Gbeɖe! Elabena ne se si wona la ana agbe la, ekema dzɔdzɔenyenye ava to se la me." data/train/GAL/GAL_001_Verse_017.mp3,"Nye Paulo, apostolo si ame aɖeke medɔ o, eye menye ame aɖeke hã dzi meto o, ke boŋ to Yesu Kristo kple Mawu, Fofo si fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la gbɔe agbalẽ sia tso." data/train/GAL/GAL_006_Verse_003.mp3,"Ame siwo wofia nui le nya la me la, nama woƒe nu nyuiwo kple woƒe nufiala." data/train/GAL/GAL_001_Verse_015.mp3,"Nenye míawo alo mawudɔla aɖe tso dziƒo gɔ̃ hã va gblɔ nyanyui bubu aɖe si to vovo tso esi míegblɔ na mi gbɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva amea dzi." data/train/GAL/GAL_001_Verse_011.mp3,"Le ƒe etɔ̃ megbe la, meyi Yerusalem be madze si Kefa, eye menɔ egbɔ ŋkeke wuiatɔ̃." data/train/GAL/GAL_006_Verse_013.mp3,"Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye le esia wɔwɔ me la, miawu Kristo ƒe se la nu." data/train/GAL/GAL_003_Verse_019.mp3,"Ne mienye Kristo tɔ la, ekema mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo kple domenyilawo le ŋugbedodo la nu." data/train/GAL/GAL_004_Verse_031.mp3,"Vinye lɔlɔ̃awo, megale veve sem ɖe mia nu abe funɔ si le ku lém la ene va se ɖe esime Kristo ƒe gbɔgbɔ ayɔ mia me mlɔeba." data/train/GAL/GAL_005_Verse_019.mp3,"Mide dzesi nye nyawo! Nye Paulo, mele egblɔm na mi be ne mieɖe mɔ wotso aʋa na mi la, ekema viɖe aɖeke manɔ Kristo ŋu na mi o." data/train/GAL/GAL_002_Verse_017.mp3,"Nyemegbe nu le Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, elabena ne míakpɔ dzɔdzɔenyenyenye to se la me la, ekema Kristo ku dzodzro!”" data/train/GAL/GAL_003_Verse_013.mp3,"Gake Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be xexea me katã le nu vɔ̃ ƒe babla me, be ŋugbedodo si Mawu na to Yesu Kristo dzixɔse me la nasu ame siwo xɔe se la si." data/train/GAL/GAL_004_Verse_022.mp3,Mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be agbagba siwo katã dzem mele ɖe mia ta la zu dzodzro mahĩ. data/train/GAL/GAL_005_Verse_013.mp3,"Ke ne mieɖe ɖeklemi, eye miewɔ dzre kple mia nɔewo la, mikpɔ nyuie be miagagblẽ nu le mia nɔewo ŋu o." data/train/GAL/GAL_002_Verse_007.mp3,Ke boŋ wode dzesii be wotsɔ nyanyui la gbɔgblɔ de asi nam be magblɔ na aʋamatsomatsotɔwo abe ale si wodee asi na Petro be wòagblɔ na aʋatsotsotɔwo la ene. data/train/GAL/GAL_002_Verse_014.mp3,"Míeɖo to wo kura o, kple susu be míalé nyanyui la ƒe nyateƒenyenye me ɖe asi na mi." data/train/GAL/GAL_006_Verse_009.mp3,"Mawu ƒe ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ anyi kple ame siwo katã wɔa se sia dzi, eye woanɔ anyi kple Mawu ƒe Israel la hã." data/train/GAL/GAL_001_Verse_009.mp3,Hame siwo le Yudea le Kristo me la medze sim o. data/train/GAL/GAL_001_Verse_008.mp3,"Gake esi wòdze Mawu, si tiam tso danye ƒe dɔ me ke ŋu, eye wòto eƒe amenuveve me yɔm," data/train/GAL/GAL_006_Verse_010.mp3,"Migable mia ɖokuiwo o. Mawu menana woɖua fewu le eŋuti o. Elabena nu si ame ƒãna la, eya ke wòŋena." data/train/GAL/GAL_004_Verse_027.mp3,"Nya si gblɔm mele lae nye be zi ale si domenyila aɖe nye ɖevi ko la, vovototo aɖeke mele eya kple kluvi dome o, evɔ eyae nye nuwo katã ƒe aƒetɔ hafi." data/train/GAL/GAL_004_Verse_026.mp3,"Nu siawo nye lododo ko, elabena nyɔnu eveawo sɔ kple nubabla eve. Nubabla ɖeka la, woxɔe le Sinai to dzi, eye eyae dzi ɖevi siwo nye kluviwo. Esia nye Hagar." data/train/GAL/GAL_004_Verse_016.mp3,"Ke azɔ esi mienya Mawu alo magblɔ be Mawu boŋ nya mi la, nu ka ta miagadi be yewoagbugbɔ ayi subɔsubɔ gbɔdzɔ, dahe, dzodzrowo gbɔ ɖo? Ɖe miedi be yewoaganye kluvi na wo akea?" data/train/GAL/GAL_005_Verse_012.mp3,"Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, miegale se la te o." data/train/GAL/GAL_001_Verse_004.mp3,"Ewɔ nuku nam ŋutɔ be miele mia ɖokuiwo hem ɖa kaba alea tso Mawu, ame si yɔ mi be miakpɔ gome le agbe mavɔ si wòna to Kristo ƒe amenuveve me la gbɔ. Miedze nyanyui bubu aɖe yome," data/train/GAL/GAL_002_Verse_021.mp3,"Yudatɔ bubuawo hã dze eƒe alakpanuwɔwɔ yome, eye woƒe alakpanuwɔwɔ na be Barnabas gɔ̃ hã tra mɔ." data/train/GAL/GAL_003_Verse_016.mp3,Ke avuléla menye ame ɖeka o; gake Mawu la ya nye ɖeka. data/train/GAL/GAL_002_Verse_000.mp3,"Elabena hafi ŋutsu aɖewo natso Yakobo gbɔ ava la, enɔa nu ɖum kple ame siwo menye Yudatɔwo o la. Gake esi wova ɖo la, ehe ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖe aga tso ame siwo menye Yudatɔwo o la ŋu, elabena enɔ vɔvɔ̃m na ame siwo nye aʋatsotsotɔwo." data/train/GAL/GAL_005_Verse_025.mp3,"ŋubiabiã, ahamumu, aglotutu vɔ̃wo kple esia tɔgbiwo. Mele nu xlɔ̃m mi, abe ale si mexlɔ̃ nu mi va yi ene la be ame siwo nɔa agbe alea la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o." data/train/GAL/GAL_004_Verse_002.mp3,"Abraham ƒe viŋutsu si dada nye kosi la, wodzii le ŋutilã la nu, ke viŋutsu si dada nye ablɔɖenyɔnu la, wodzii le ŋugbedodo la nu." data/train/GAL/GAL_004_Verse_004.mp3,"Azɔ nɔviwo, abe Isak ene la, miawo la, mienye ŋugbedodo la ƒe viwo." data/train/GAL/GAL_005_Verse_022.mp3,"Nɔviwo, ne megale gbeƒã ɖem aʋatsotso ɖe, nu ka ta wogale yonyeme tim ɖo? Ekema woɖe atitsoga la ƒe nuɖiaɖia ɖa." data/train/GAL/GAL_006_Verse_000.mp3,"Ame si ƒã nu le ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ tso ŋutilã me; ke ame si ƒã nu le Gbɔgbɔ la me la, aŋe agbe mavɔ tso Gbɔgbɔ la me." data/train/GAL/GAL_002_Verse_004.mp3,"“Gake ne míedi be woatso afia na mí le Kristo me eye mí Yudatɔwo hã míele nu vɔ̃ wɔlawo dome ɖe, ɖe mefia be Kristo le nu vɔ̃ dzi dem o mahã? Gbeɖe!" data/train/GAL/GAL_003_Verse_025.mp3,"Wometu se la ɖe xɔse dzi o, ke boŋ mawunya gblɔ be, “Ame si wɔ nu siawo la, anɔ agbe ɖe wo nu.”" data/train/GAL/GAL_005_Verse_003.mp3,"Elabena le Kristo Yesu me la, aʋatsotso alo aʋamatsomatso mate ŋu awɔ naneke o. Ke nu si míehiã la koe nye xɔse si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me." data/train/GAL/GAL_006_Verse_018.mp3,"Tso azɔ dzi la, ame aɖeke megaɖe fu nam le nu siawo ŋuti o, elabena Yesu ƒe abidzesiwo le nye ŋutilã ŋu." data/train/GAL/GAL_002_Verse_013.mp3,"míenyae be wometsoa afia na ame to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔse me. Eya ta míawo hã míexɔ Yesu Kristo dzi se be woatso afia na mí to xɔse me le Kristo me, eye menye to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, elabena wometsoa afia na ame aɖeke to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o." data/train/GAL/GAL_004_Verse_029.mp3,"Togbɔ be nye dɔléle la nye nuɖiaɖia hã la, miegbe nu le gbɔnye alo do vlom o, ke boŋ miexɔm, eye miekpɔ dzinye abe mawudɔla aɖe menye alo Yesu Kristo ŋutɔ ene." data/train/GAL/GAL_006_Verse_001.mp3,"Ame sia ame nado eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo kpɔ, ekema woate ŋu aƒo adegbe le wo ɖokuiwo ɖeɖe ko me, ke menye be woatsɔ wo ɖokuiwo asɔ kple ame bubu aɖeke o," data/train/GAL/GAL_002_Verse_010.mp3,"Kuxi sia do mo ɖa, elabena aʋatsoxɔsetɔ aɖewo va ge ɖe mía dome, be yewoalé ŋku ɖe ablɔɖe, si su mía si le Kristo Yesu me la ŋu, ne yewoawɔ mí kluviwoe." data/train/GAL/GAL_003_Verse_011.mp3,"Eya ta mise egɔme be ame siwo si xɔse le la, woawoe nye Abraham ƒe viwo." data/train/GAL/GAL_003_Verse_017.mp3,"Kristo ɖe mí tso se la ƒe fiƒode me, esi wòzu fiƒode ɖe mía teƒe elabena mawunya gblɔ be, “Woƒo fi de ame sia ame si woklã ɖe ati ŋuti la.”" data/train/GAL/GAL_001_Verse_003.mp3,"evɔ la, nyanyui bubu aɖeke megali wu esi míefia mi o. Ame siwo dzea ŋe Kristo ƒe nyateƒe la, eye wotrɔnɛ la le mia flum." data/train/GAL/GAL_004_Verse_014.mp3,"Eya ta nɔviwo, menye kosi la ƒe viwo míenye o, ke boŋ míenye ablɔɖenyɔnu la ƒe viwo." data/train/GAL/GAL_006_Verse_015.mp3,"Nyemaƒo adegbe le naneke ŋu o, negbe le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe atitsoga la ko ŋu. Eya me woto klã xexea me ɖe atitsoga ŋuti nam, eye woklã nye hã ɖe atitsoga ŋuti na xexea me." data/train/GAL/GAL_004_Verse_000.mp3,"Abe ale si mienyae ene la, menɔ dɔ lém esi metsɔ nyanyui la vɛ na mi zi gbãtɔ." data/train/GAL/GAL_003_Verse_007.mp3,"Elabena ne domenyinyi la ku ɖe se la ŋu la, ekema megaku ɖe ŋugbedodo la ŋu o; ke Mawu to ŋugbedodo la me tsɔe ke Abraham." data/train/GAL/GAL_003_Verse_022.mp3,"Nu si gblɔm mele la gɔmee nye: Se si wowɔ le ƒe 430 megbe la, mete ŋu tu nubabla si Mawu wɔ do ŋgɔ la o, nenema ke metu ŋugbedodo la hã o." data/train/GAL/GAL_005_Verse_024.mp3,tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tsitre ɖe nu siawo ŋuti o. data/train/GAL/GAL_005_Verse_006.mp3,"Elabena wowu se blibo la katã nu to se ɖeka sia dzi wɔwɔ me, si nye, “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.”" data/train/GAL/GAL_005_Verse_008.mp3,"Esi míele agbe le Gbɔgbɔ la me la, mina míazɔ hã le eƒe kpɔkplɔ te." data/train/GAL/GAL_003_Verse_010.mp3,"Eya ta megale biabiam be ɖe Mawu tsɔ eƒe Gbɔgbɔ la na mi, eye wòwɔ nukunuwo le mia dome to se la ƒe dɔwɔwɔwo me, alo to nya si miese la dzixɔse mea?" data/train/GAL/GAL_005_Verse_021.mp3,"Mígana dada nayɔ mía me o, mígado dziku na mía nɔewo o, eye mía nɔewo ƒe nu megave dɔ me na mí o." data/train/GAL/GAL_001_Verse_013.mp3,Mele kakaɖedzi nam mi le Mawu ŋkume be nya si ŋlɔm mele na mi la menye aʋatso o. data/train/GAL/GAL_002_Verse_018.mp3,"Togbɔ be Tito, ame si le ŋunye nye Helatɔ hã la, womezi edzi be wòatso aʋa o." data/train/GAL/GAL_002_Verse_015.mp3,"Ne megbugbɔ nu siwo megblẽ la ɖɔɖola, ekema mezu sedzidala." data/train/GAL/GAL_004_Verse_007.mp3,"Elabena woŋlɔ ɖi be viŋutsu eve nɔ Abraham si; ɖeka dada nye kosi, ke evelia dada ya nye ablɔɖenyɔnu." data/train/GAL/GAL_006_Verse_014.mp3,"Ne ame aɖe bu be yenye nane, evɔ menye naneke o la, eble eɖokui." data/train/GAL/GAL_004_Verse_011.mp3,"Esi mienye viawo ta la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ ɖe miaƒe dziwo me, eya ta azɔ la, miate ŋu ayɔ Mawu dzideƒotɔe be, “Abba, Fofo.”" data/train/GAL/GAL_004_Verse_017.mp3,"Ke azɔ la, ɖe mezu miaƒe futɔ, elabena megblɔ nyateƒe la na mia?" data/train/GAL/GAL_003_Verse_018.mp3,"Medi be mabia nya aɖe mi: Ɖe miexɔ Gbɔgbɔ la to se la ƒe dɔwɔwɔwo me, alo to nya si miese la dzixɔse mea?" data/train/GAL/GAL_003_Verse_027.mp3,"Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la kpɔe do ŋgɔ be Mawu atso afia na ame siwo menye Yudatɔwo o la le xɔse me, eya ta wòɖe gbeƒã nyanyui la na Abraham do ŋgɔe be, “Woayra dukɔwo katã to dziwò.”" data/train/GAL/GAL_006_Verse_002.mp3,"Ame siwo le didim be yewoadze amewo ŋu le ŋutilã me la le agbagba dzem be yewoazi mia dzi woatso aʋa na mi, le susu ɖeka sia ko ta be womagati yewo yome ɖe Kristo ƒe atitsoga la ta o." data/train/GAL/GAL_003_Verse_008.mp3,"Eme kɔ ƒãa be Mawu matso afia na ame aɖeke to se la dzi wɔwɔ me o, elabena woŋlɔ ɖi be, “Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe to xɔse me.”" data/train/GAL/GAL_002_Verse_019.mp3,"Woklã nye kple Kristo ɖe ati ŋu, eye meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristoe le agbe le menye. Agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele agbe la to Mawu ƒe Vi la dzixɔse me, ame si lɔ̃m, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe tanye." data/train/GAL/GAL_006_Verse_006.mp3,"Elabena le Kristo me la, aʋatsotso kple aʋamatsomatso menye naneke o, nu si le vevie lae nye be ame nazu nuwɔwɔ yeye." data/train/GAL/GAL_006_Verse_004.mp3,"Ame siwo wotso aʋa na gɔ̃ hã la mewɔa se la dzi o, ke boŋ wole didim be woatso aʋa na mi, ale be woaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã ŋu." data/train/GAL/GAL_004_Verse_008.mp3,"Elabena woŋlɔ ɖi bena, “Dzi nedzɔ wò, O konɔ, wò nyɔnu si medzi vi kpɔ o; do ɣli sesĩe nàtso aseye, wò ame si melé ku kpɔ o; viwo le nyɔnu si tsi akogo la si wu nyɔnu si si srɔ̃ le la gɔ̃ hã.”" data/train/GAL/GAL_005_Verse_020.mp3,"Mienɔ du ƒum nyuie hafi. Ke ame kae va flu mi, eye wòxe mɔ na mi be miagaɖo to nyateƒe la o?" data/train/GAL/GAL_001_Verse_021.mp3,"Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la aɖo ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o, ke boŋ meyi Arabia. Emegbe la, metrɔ yi Damasko." data/train/GAL/GAL_004_Verse_001.mp3,"Abe ale si viŋutsu, si wodzi le ŋutilã la nu ti viŋutsu, si wodzi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me yome va yi ene la, nenema tututu wògale fifia hã." data/train/GAL/GAL_002_Verse_001.mp3,"Elabena Mawu, ame si li kple Petro le eƒe dɔwɔwɔ me abe apostolo na aʋatsotsotɔwo ene la, eya kee li kple nye hã le nye dɔwɔwɔ me abe apostolo na ame siwo menye Yudatɔwo o la ene." data/train/GAL/GAL_004_Verse_020.mp3,"Ke Yerusalem si le dziƒo la vo, menye kluvi o, eye eyae nye mía dada." data/train/GAL/GAL_002_Verse_002.mp3,"“Elabena to se la me la, meku na se la, be manɔ agbe na Mawu." data/train/GAL/GAL_002_Verse_003.mp3,"Esi mede dzesii be woƒe agbenɔnɔ mesɔ ɖe nyanyui la ƒe nyateƒe la nu o la, meka mo na Kefa le wo katã ƒe ŋkume be, “Yudatɔ nènye, gake èle agbe nɔm abe ame si menye Yudatɔwo o la ene. Nu ka ta nèzi ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi be woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi ɖo?" data/train/GAL/GAL_005_Verse_009.mp3,"Eya ta mele egblɔm be minɔ agbe le Gbɔgbɔ la me, ale be miagawɔ ɖe ŋutilã ƒe nudzodzrowo dzi o." data/train/GAL/GAL_004_Verse_006.mp3,"be wòaɖe ame siwo le se la te la, be wòate ŋu axɔ mí abe eya ŋutɔ ƒe viwo ene." data/train/1KI/1KI_003_Verse_000.mp3,"Azɔ fia la gblɔ be, “Enyo, mitsɔ yi vɛ nam” Ale wotsɔ yi vɛ na fia la." data/train/1KI/1KI_018_Verse_040.mp3,"Obadiya biae be, “Nu gbegblẽ ka mewɔ be nètsɔ wò dɔla le asi dem na Ahab be wòawu?" data/train/1KI/1KI_004_Verse_002.mp3,"Ahisa kpɔa fiasã la ƒe nuwo dzi kple fiasã la me nyawo gbɔ; Adoniram, Abda ƒe vi kpɔa dudɔwɔwɔwo dzi." data/train/1KI/1KI_008_Verse_012.mp3,"ekema, se eƒe gbe le dziƒo, nàtso afia na ame si tɔ dzɔ, nàbu fɔ agɔdzela la eye nàna eƒe fɔɖiɖi nava eƒe ta dzi. Wɔ na ame si tɔ dzɔ la ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye nu." data/train/1KI/1KI_008_Verse_066.mp3,"Ɖo to wò subɔla kple Israelviwo ƒe kukuɖeɖe ne wodze ŋgɔ afi sia eye wodo gbe ɖa na wò. Ɛ̃, se woƒe gbedodoɖa le dziƒo si nye wò nɔƒe eye ne èsee la, ekema nàtsɔ nu vɔ̃wo ake." data/train/1KI/1KI_010_Verse_010.mp3,Fia la kpa fiazikpui gã aɖe. Etsɔ nyiɖu fa ɖe eme eye wòtsɔ sika nyuitɔ fa ɖe eŋu. data/train/1KI/1KI_015_Verse_000.mp3,"Abiyam nye nu vɔ̃ wɔla gã aɖe abe fofoa ene eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu ŋu abe Fia David ene o." data/train/1KI/1KI_013_Verse_031.mp3,"Nyagblɔɖila tsitsi la gblɔ nɛ be, “Ekema va míyi nye aƒe me nàɖu nu.”" data/train/1KI/1KI_018_Verse_045.mp3,"Wokplɔ nyitsu si wotsɔ na wo la, wowui, heflii ɖo nakeawo dzi. Tete woyɔ Baal ƒe ŋkɔ tso ŋdi va se ɖe ŋdɔ. Wodo ɣli be, “Oo Baal, tɔ na mí!” Gake ŋuɖoɖo aɖeke meva o eye ame aɖeke metɔ na wo o. Ale woɖu ɣe ƒo xlã vɔsamlekpui si woɖi." data/train/1KI/1KI_010_Verse_026.mp3,"Wodɔ tasiaɖam tso Egipte esi ƒe asie nye klosaloga kilogram adre kple sɔ si ƒe asie nye klosaloga kilogram ɖeka kple afã. Woawo hã dzraa wo na dutafiawo, ame siwo nye Hititɔwo kple Aramtɔwo ƒe fiawo." data/train/1KI/1KI_020_Verse_022.mp3,"Esi ƒe trɔ la, eƒo Aramea aʋakɔ la nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ŋu azɔ le Afek." data/train/1KI/1KI_009_Verse_024.mp3,"Solomo metsɔ Israelviwo wɔ kluviwo o, ke boŋ wozu asrafowo, dɔnunɔlawo, asrafomegãwo, aʋafiawo, tasiaɖamkulawo dzikpɔlawo kple sɔdolawo hã." data/train/1KI/1KI_001_Verse_027.mp3,Ke Adoniya ƒe vɔvɔ̃ na Solomo na wòyi ɖalé vɔsamlekpui la ƒe dzowo ɖe asi. data/train/1KI/1KI_006_Verse_033.mp3,Woƒe aʋala ɖeka didi afɔ adre kple afã ale kerubi ɖeka kple eƒe aʋalawo ƒe kekeme de afɔ wuiatɔ̃. data/train/1KI/1KI_018_Verse_000.mp3,Ale Ahab ɖo du ɖe Israelnyigba katã dzi eye wòna nyagblɔɖilawo ƒo ƒu ɖe Karmel to dzi. data/train/1KI/1KI_016_Verse_004.mp3,Baasa ku woɖii ɖe Tirza eye via Ela ɖu fia ɖe eteƒe. data/train/1KI/1KI_010_Verse_025.mp3,"Woakafu Yehowa, wò Mawu, ame si tia wò eye wòtsɔ wò da ɖe Israel ƒe fiazikpui dzi. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ mavɔ na Israel wɔe be, wòtsɔ wò na wo abe woƒe fia ene be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàɖu wò amewo dzi le mɔ dzɔdzɔe nu!”" data/train/1KI/1KI_004_Verse_012.mp3,"Benaya, Yehoiada ƒe vi nye aʋafia na dukɔ la; Zadok kple Abiata nye nunɔlawo." data/train/1KI/1KI_020_Verse_014.mp3,"Aɖaŋuɖolawo ɖo aɖaŋu nɛ be, “Mègatsɔ nu bubu aɖeke wu esiawo nɛ o.”" data/train/1KI/1KI_022_Verse_047.mp3,"Yehosafat bia be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke mele afi sia ne míabia gbee oa?”" data/train/1KI/1KI_011_Verse_034.mp3,"Solomo ƒe futɔ bubu si Mawu na wòkpɔ ŋusẽe nye Eliada ƒe vi Rezɔn, Zoba fia Hadadezer ŋume ɖeka si dzo le fia la gbɔ kple anyigba la dzi." data/train/1KI/1KI_017_Verse_017.mp3,"Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nyɔnu si nye aƒea nɔ la ƒe viŋutsu dze dɔ. Dɔ la sesẽ nɛ tso ŋkeke me yi ŋkeke me eye mlɔeba la, eƒe gbɔgbɔ nu tso." data/train/1KI/1KI_017_Verse_020.mp3,"Yehowa gblɔ na Eliya bena," data/train/1KI/1KI_014_Verse_014.mp3,"Le Fia Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me la, Egipte fia Sisak ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu eye wòɖu edzi." data/train/1KI/1KI_001_Verse_009.mp3,"Batseba gabɔbɔ, gade ta agu le Fia la ŋkume eye wòdo ɣli be, “Oo, nye aƒetɔ, meda akpe na wò. Nye aƒetɔ, fia la nanɔ agbe tegbee!”" data/train/1KI/1KI_010_Verse_011.mp3,Fia la na klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene. data/train/1KI/1KI_020_Verse_030.mp3,Ke Israelviwo xɔ Syriatɔwo ƒe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe akpa gãtɔ eye wowu Siriatɔ geɖewo. data/train/1KI/1KI_002_Verse_039.mp3,"“Mele demagbɔnugbe yim eya ta lé dzi ɖe ƒo, nàwɔ kalẽ." data/train/1KI/1KI_002_Verse_002.mp3,Ale Benaya trɔ yi agbadɔ la me eye wòwu Yoab. Woɖi eƒe kukua ɖe eƒe aƒe xa le gbegbe. data/train/1KI/1KI_019_Verse_013.mp3,"Eya ɖeka zɔ mɔ ŋkeke blibo la yi gbedzi. Enɔ anyi ɖe ati aɖe te eye wòdo gbe ɖa be Yehowa nana yeaku. Egblɔ na Yehowa be, “Eglom azɔ, ɖe nye agbe ɖa, mele kuku ge gbe ɖeka kokoko; nyemenyo wu tɔgbuinyewo o.”" data/train/1KI/1KI_003_Verse_021.mp3,"Solomo nyɔ eye wòdze sii be drɔ̃e yeku. Etrɔ va Yerusalem eye wòva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, sa numevɔ kple akpedavɔ eye wòɖo kplɔ̃ gã aɖe na eŋumewo katã." data/train/1KI/1KI_020_Verse_008.mp3,"Ame sia ame wu Siria srafo ɖeka. Sẽe ko la, vɔvɔ̃ ɖo Syriaʋakɔ blibo la eye wosi. Israelviwo kplɔ wo ɖo. Ben Hadad kple eŋume ʋɛ aɖewo do sɔwo kple tasiaɖamwo hesi." data/train/1KI/1KI_010_Verse_028.mp3,"Wotsɔ sika wɔ kplu siwo katã me Fia Solomo noa nu le eye nenema ke wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nuɖugba kple nuɖaze siwo katã nɔ Lebanon ƒe Avexɔ la me. Womewɔ naneke kple klosalo o elabena le Solomo ƒe ɣeyiɣiwo me la, womebua klosalo be enye nu xɔasi o." data/train/1KI/1KI_004_Verse_008.mp3,"Ben Abinadab, ame si ɖe Solomo ƒe vinyɔnu, Tafat la dzɔa nu le Dor ƒe tonyigbawo dzi;" data/train/1KI/1KI_021_Verse_014.mp3,"eye miadi ame vlo eve siwo aka aʋatso ɖe Nabɔt si, atso enu be eƒo fi de Mawu kple fia la. Ekema miakplɔe do goe le dua me eye miaƒu kpee wòaku.”" data/train/1KI/1KI_022_Verse_048.mp3,Yehosafat tu ŋutsu siwo nɔ gbolo wɔm le nuxeƒewo tso fofoa Asa ƒe fiaɖuɣi la ƒe xɔwo katã goŋgoŋ. data/train/1KI/1KI_008_Verse_009.mp3,"Egbe la, èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye David, ame si nye wò subɔla la dzi. Ètsɔ wò nu do ŋugbee eye nètsɔ wò asi wɔ edzi abe ale si wòle egbe ene." data/train/1KI/1KI_011_Verse_018.mp3,Hadad va zu Fia Farao xɔlɔ̃ vevitɔwo dometɔ ɖeka. Farao tsɔ Fianyɔnu Tapenes nɔvinyɔnu nɛ wòɖe. data/train/1KI/1KI_014_Verse_022.mp3,"Wotu nuxeƒewo, li aƒeliwo kple legbawo ɖe to kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te." data/train/1KI/1KI_020_Verse_005.mp3,"Ale nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Esi mèɖo to Yehowa ƒe gbe o ta la, dzata aɖe awu wò ne èdzo le gbɔnye ko.” Nyateƒe, esi wòtrɔ be yeadzo ko la, dzata aɖe wui." data/train/1KI/1KI_001_Verse_052.mp3,"Zadok tsɔ lãdzo si me ami kɔkɔe le la tso Agbadɔ la me yi Gihon eye wòkɔe ɖe tame na Solomo. Woku kpẽawo eye ameawo katã do ɣli be, “Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!”" data/train/1KI/1KI_013_Verse_006.mp3,"Egblɔ na viawo emegbe be, “Ne meku la, miɖim ɖe yɔdo si me woɖi Mawu ƒe ame la ɖo. Mitsɔ nye ƒuwo mlɔ eƒe ƒuwo xa," data/train/1KI/1KI_010_Verse_008.mp3,"Eva ɖo Yerusalem kple kposɔ geɖe siwo tsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo. Etsɔ nya geɖe siwo nɔ eƒe susu me la ɖo Solomo ƒe ŋkume." data/train/1KI/1KI_007_Verse_006.mp3,Ewɔ gaɖɔwo kple kɔsɔkɔsɔ adreadre da ɖe sɔtiawo tame. data/train/1KI/1KI_019_Verse_006.mp3,"Elisa trɔ yi eƒe nyiawo gbɔ, wu wo dometɔ eve eye wòtsɔ nyiawo ƒe kɔkutiawo do dzoe heme woƒe lã. Ena lã la dɔwɔla bubuawo eye wo katã woɖu nu nyuie. Le esia megbe la, edze Eliya yome abe eƒe kpeɖeŋutɔ ene." data/train/1KI/1KI_002_Verse_026.mp3,Fia Solomo se be Simei dzo le Yerusalem yi Gat eye wòtrɔ gbɔ. data/train/1KI/1KI_012_Verse_011.mp3,Etu trɔ̃xɔwo hã ɖe toawo dzi eye wòtsɔ ame siwo metso Levi ƒe ƒomea me gɔ̃ hã o la ɖo nunɔlawo. data/train/1KI/1KI_013_Verse_019.mp3,"Ètrɔ gbɔ, ɖu abolo eye nèno tsi le afi si Yehowa de se na wò be mègaɖu nu, nàno tsi le o eya ta womaɖi wò kukua ɖe fofowòwo ƒe yɔdo me o.’ ”" data/train/1KI/1KI_019_Verse_002.mp3,"Ale wòfɔ, ɖu nu, no nu eye nuɖuɖu la do ŋusẽe ale gbegbe be wòte ŋu zɔ mɔ ŋkeke blaene kple zã blaene yi Horeb to, Mawu ƒe to la dzi." data/train/1KI/1KI_017_Verse_001.mp3,"Ahosi la ɖo eŋu nɛ be, “Meta Yehowa, wò Mawu la ƒe agbe be, abolo aɖeke mele asinye o negbe wɔ asiʋlo ɖeka si le wɔze me kple ami sue aɖe si le amigoe me ko. Mele nake ʋɛ siawo fɔm atsɔ ayi aƒe mee ne maɖa nu nye kple vinye ŋutsu míaɖu eye míaku.”" data/train/1KI/1KI_008_Verse_039.mp3,"Kpɔ ɖa! Esi nunɔlaawo trɔ tso Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la gbɔna ko la, lilikpo keklẽ aɖe yɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me taŋtaŋ!" data/train/1KI/1KI_007_Verse_019.mp3,"Huram gawɔ zewo, sofiwo kple trewo. Ale wòwu dɔ si Fia Solomo ɖo nɛ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la nu. Nu siwo wòwɔ la woe nye esiawo:" data/train/1KI/1KI_001_Verse_004.mp3,"Ale Fia Solomo na woyi ɖakplɔe tso vɔsamlekpui la gbɔ vɛ. Esi wòva ɖo la, ebɔbɔ, de ta agu le fia la ŋkume. Solomo gblɔ nɛ kpuie ko be, “Yi wò aƒe me!”" data/train/1KI/1KI_008_Verse_002.mp3,"“Ame siae nye fofonye, Fia David. Edi be yeatu gbedoxɔ aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ." data/train/1KI/1KI_021_Verse_028.mp3,"Yezebel biae be, “Wòe nye Israel fia loo alo menye wòe o? Fɔ, nàɖu nu, mègatsi dzimaɖeɖi le nya sia ŋu kura o. Maxɔ Nabɔt ƒe waingble la na wò bɔbɔe!”" data/train/1KI/1KI_020_Verse_000.mp3,"Ahab bia be, “Ke ame kae awɔ nu sia?” Nyagblɔɖila la ɖo eŋu be, “Alea Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ato ɖekakpuiwo, asrafo siwo le nutoa me la dzi.’ ” Ahab gabia be, “Ame kae adze aʋa la gɔme?” Nyagblɔɖila la ɖo eŋu nɛ be, “Miawoe!”" data/train/1KI/1KI_011_Verse_038.mp3,"Togbɔ be ede se na Solomo be megadze mawu bubuwo yome o hã la, Solomo mewɔ Yehowa ƒe se la dzi o." data/train/1KI/1KI_020_Verse_026.mp3,"Fia Ahab ƒe ŋuɖoɖo sia va ɖo Fia Ben Hadad kple fia bubuawo gbɔ esi wonɔ aha nom le woƒe agbadɔwo me. Ben Hadad ɖe gbe na eƒe aʋafiawo be, “Midzra ɖo miaho aʋa ɖe wo ŋu.”" data/train/1KI/1KI_022_Verse_049.mp3,"Yehosafat xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Azuba, Silhi ƒe vinyɔnu." data/train/1KI/1KI_017_Verse_003.mp3,Ale ahosi la wɔ nu si Eliya gblɔ nɛ eye Eliya kple eya kple via siaa kpɔa nuɖuɖu tso wɔ la kple ami la me ŋkeke ale si wohiã wo. data/train/1KI/1KI_021_Verse_024.mp3,"Mawɔ wò aƒe abe Yeroboam, Nebat ƒe vi tɔ ene eye abe Baasa, Ahiya ƒe vi tɔ ene elabena èdo dziku nam eye nèna Israel ge ɖe nu vɔ̃ me." data/train/1KI/1KI_004_Verse_031.mp3,"Solomo gatia dzikpɔla wuieve ɖe Israel blibo la nu, ame ɖeka tso to ɖeka me, ame siwo ƒe dɔe nye be woadi nuɖuɖu na fiasã la me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe wɔa dɔ sia ɣleti ɖeka le ƒe sia ƒe me." data/train/1KI/1KI_014_Verse_020.mp3,Tsɔ abolo meme ewo kple akpɔnɔ vivi kple anyitsi goe ɖeka ɖe asi eye nàyi egbɔ. Agblɔ nu si adzɔ ɖe ɖevi la dzi na wò.” data/train/1KI/1KI_020_Verse_031.mp3,"Le ŋdɔ me lɔƒo la, esi Ben Hadad kple Fia bubu blaetɔ̃-vɔ-eveawo ganɔ aha nom hede mumu ge kloe la, Ahab ƒe aʋakɔ ƒe akpa gbãtɔ ɖe zɔ ɖe dua dzi." data/train/1KI/1KI_002_Verse_040.mp3,"Ne èwɔ alea la, ekema Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo nam la dzi. Ŋugbe siae nye be ne vinyewo kple woƒe dzidzimeviwo azɔ nyuie, eye woawɔ nuteƒe na ye, Mawu la, ekema wo dometɔ ɖeka anye fia na Israel ɣe sia ɣi eye nye fiaɖuƒe nu mayi akpɔ o." data/train/1KI/1KI_002_Verse_046.mp3,"Yoab nye aʋafia na David ƒe aʋakɔ eye mede Absalom dzi o, ke ede Adoniya ya dzi. Esi Yoab se Adoniya ƒe ku la, eƒu du yi ɖadi sitsoƒe le Agbadɔ la me eye wòlé vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ɖe asi." data/train/1KI/1KI_003_Verse_009.mp3,"Fia la gblɔ be, “Ame si gblɔ be, ‘Vinyee nye agbagbea, eye viwòe nye kukua,’ eye ame keme be, ‘Ao! Viwòe nye kukua eye vinyee nye agbagbea.’ ”" data/train/1KI/1KI_013_Verse_026.mp3,"Ke Mawu ƒe ame la ɖo eŋu na Fia la be, “Ne àtsɔ wò kesinɔnuwo ƒe afã nam gɔ̃ hã la, nyemayi kpli wò loo alo aɖu abolo alo ano tsi le afi ma o" data/train/1KI/1KI_015_Verse_028.mp3,"“Na míagbugbɔ míaƒe dedinɔnɔ ƒe nubabla si nɔ fofowò kple fofonye dome la awɔ yeyee. Kpɔ ɖa, xɔ klosalo kple sika sia ale be nàtu nubabla si le wò kple Israel fia, Baasa dome ale be wòadzudzɔ aʋawɔwɔ kplim.”" data/train/1KI/1KI_014_Verse_019.mp3,"Mexɔ fiaɖuƒe la le David ƒe ƒometɔwo si hetsɔ na wò gake mèwɔ nye seawo dzi abe nye dɔla, David ene o. David ƒe didi vevi wònye be yeawɔ nye seawo dzi ɣe sia ɣi eye yeawɔ nu sia nu si medi be wòawɔ." data/train/1KI/1KI_008_Verse_050.mp3,"ne wò dukɔ Israel ƒe amewo ƒo koko na wò, wo dometɔ ɖe sia ɖe dze si eya ŋutɔ ƒe dzi ƒe fuɖenamewo eye wòdo eƒe asiwo ɖe dzi do ɖe gbedoxɔ sia gbɔ la," data/train/1KI/1KI_015_Verse_023.mp3,"Fia Asa ɖe mamaa Maaka ɖa be maganye fianyɔnu o elabena etu aƒeli si nye ŋunyɔnu. Asa lã ati la ƒu anyi, flii, hetɔ dzoe le Kidron bali la me." data/train/1KI/1KI_001_Verse_049.mp3,"Yi Fia David gbɔ enumake eye nàbiae be, ‘Nye aƒetɔ, menye wòe do ŋugbe nam be vinye Solomo aɖu fia ɖe ye yome eye wòanɔ yeƒe fiazikpui dzi oa? Ekema nu ka ta Adoniya le fia ɖum?’" data/train/1KI/1KI_002_Verse_010.mp3,"Benaya yi agbadɔ la me; ekpɔ Yoab eye wògblɔ nɛ be, “Fia Solomo be, ‘do go!’ ” Yoab ɖo eŋu be, “Ao, medi be maku ɖe afi sia.” Ale Benaya trɔ yi fia la gbɔ hegblɔ nɛ be, “Ale Yoab gblɔ eye ale wòɖo eŋu nam enye esi.”" data/train/1KI/1KI_014_Verse_027.mp3,"Yeroboam srɔ̃ trɔ yi Tirza. Esi wòɖo eƒe aƒe me ƒe agbo nu ko la, ɖevi la ku." data/train/1KI/1KI_021_Verse_001.mp3,"Ahab ɖo eŋu nɛ be, “Mebia Nabɔt be wòadzra eƒe anyigba nam alo wòaɖɔ lii kple tɔnye aɖe, ke egbe!”" data/train/1KI/1KI_013_Verse_025.mp3,"Hekpe ɖe esia ŋuti la, vɔsamlekpui la ma ɖe eve siãa eye afi si nɔ edzi la dudu ɖe anyigba to dzesi si Mawu ƒe ame la na to Yehowa ƒe nya dzi." data/train/1KI/1KI_001_Verse_029.mp3,"Ke mekpe Nyagblɔɖila Natan kple Benaya kple aʋafia siwo le David dzi kple nɔvia ŋutsu, Solomo ya o." data/train/1KI/1KI_004_Verse_021.mp3,Fiawo dɔa amewo tso anyigba geɖewo dzi ɖona ɖe egbɔ be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo tso egbɔ. data/train/1KI/1KI_010_Verse_001.mp3,"Asitsatɔdziʋu geɖewo nɔ fia la si siwo yia asigbe le atsiaƒu dzi kple Hiram tɔwo. Wotrɔna gbɔna zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me kple sika, klosalo, nyiɖu kple kese ƒomevi vovovowo kple xewo." data/train/1KI/1KI_002_Verse_011.mp3,"Dadaa gblɔ nɛ be, “Meva be mabia nane wò; meka ɖe edzi be màgbe nu si mabia wò la wɔwɔ o.” Fia la biae be, “Nu kae, danye? Ènya be, màbia nanekem magbe o.”" data/train/1KI/1KI_014_Verse_000.mp3,"Ahiya gagblɔ na Yeroboam srɔ̃ be, “Yi aƒe. Ne èɖo dua me teti ko la, ɖevi la aku." data/train/1KI/1KI_010_Verse_017.mp3,"nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, Fia la ƒe ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku." data/train/1KI/1KI_022_Verse_038.mp3,"Mlɔeba la, gbɔgbɔ aɖe do ɖe ŋgɔ, tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume eye wògblɔ be, ‘Mable enu ade eme.’" data/train/1KI/1KI_001_Verse_014.mp3,"Esi wòganɔ nu ƒom kple fia la ko la, Nyagblɔɖila Natan va do." data/train/1KI/1KI_020_Verse_042.mp3,"Ɖekakpui siwo nye asrafo, siwo le nutoa dzi kpɔm la dze ŋgɔ eye asrafoawo kplɔ wo ɖo do le dua me." data/train/1KI/1KI_010_Verse_013.mp3,Fia Solomo tsɔ sika wɔ akpoxɔnu gã alafa eve (200). Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe. data/train/1KI/1KI_007_Verse_048.mp3,Yevuboɖa alafa ene (400) le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu ne woxe ta mligo eve siwo le sɔtiawo tame la ŋu; data/train/1KI/1KI_016_Verse_013.mp3,Esubɔ legbawo abe ale si Yeroboam wɔ ene eye wòkplɔ Israel de legbasubɔsubɔ me. data/train/1KI/1KI_013_Verse_005.mp3,"Egblɔ na viawo be, “Netsɔ! Mibla akpa na nye tedzi nam.” Esi wobla akpa na tedzia la," data/train/1KI/1KI_006_Verse_010.mp3,"Etu xɔŋuxɔewo ƒo xlã gbedoxɔ la, ɖe sia ɖe kɔ mita etɔ̃ eye wolé wo ɖe gbedoxɔ la ŋu kple sedatiwo." data/train/1KI/1KI_002_Verse_044.mp3,"Tete Fia Solomo tsɔ Yehowa ka atam be, “Mawu nafiam agafiam ɖe edzi, ne Adoniya metsɔ eƒe agbe xe fe ɖe nu si wòbia la ta o!" data/train/1KI/1KI_001_Verse_031.mp3,"Le esia megbe la, wo katã wotrɔ va Yerusalem eye wonɔ dzidzɔɣli dom le mɔa dzi." data/train/1KI/1KI_019_Verse_012.mp3,"eya ta Yezebel ɖo dɔlawo ɖe Eliya be woagblɔ nɛ be, “Mawuawo nefiam ne woagafiam ɖe edzi nenye be etsɔ woaleawoɣi la, nyemewɔ wò agbe abe wo dometɔ ɖeka tɔ ene o.”" data/train/1KI/1KI_012_Verse_030.mp3,Wotsɔ sikanyiviawo dometɔ ɖeka da ɖe Betel eye woda evelia ɖe Dan. data/train/1KI/1KI_008_Verse_061.mp3,Wòana wòava eme be anyigbadzitɔwo katã nanya be Yehowae nye Mawu eye mawu bubu aɖeke kura megali o. data/train/1KI/1KI_022_Verse_019.mp3,"Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?”" data/train/1KI/1KI_016_Verse_016.mp3,"Eƒle Samaria togbɛ la le Semer si hena klosalo kilogram blaadre eye wòtso du ɖe edzi. Etsɔ Semer, ame si si wòƒle togbɛ la le la ƒe ŋkɔ na du la be Samaria." data/train/1KI/1KI_022_Verse_041.mp3,"Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.’ ”" data/train/1KI/1KI_007_Verse_051.mp3,"Ʋɔtrutiawo ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, nenema kee fesretiwo tɔ hã sɔe. Wonɔ agbaka etɔ̃ me eye wodze ŋgɔ wo nɔewo." data/train/1KI/1KI_001_Verse_007.mp3,"Azɔ la, nye aƒetɔ kple fia, Israel blibo la ƒe ŋku le dziwò be woanya ame si anɔ nye aƒetɔ, fia la ƒe fiazikpui dzi aɖu fia ɖe eyome." data/train/1KI/1KI_016_Verse_000.mp3,Ahab wɔ nu vɔ̃ wu fofoa Omri gɔ̃ hã; ewɔ nu vɔ̃ wu Israel fia ɖe sia ɖe! data/train/1KI/1KI_017_Verse_021.mp3,"Yehowa se Eliya ƒe gbedodoɖa, ale ɖevi la ƒe gbɔgbɔ gbugbɔ va eme eye wòtsi agbe." data/train/1KI/1KI_009_Verse_005.mp3,"ekema mana wò fiaɖuƒe nali ke tegbee abe ale si medo ŋugbe na fofowò, David ene esi megblɔ nɛ be, ‘Viwòwo dometɔ ɖeka anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi ɣe sia ɣi!’" data/train/1KI/1KI_003_Verse_001.mp3,"“Azɔ la, Oo Yehowa, nye Mawu, èɖo wò dɔla fiae ɖe fofonye, David teƒe, ke nye la, ɖevi sue ko menye, nyemenya ale si mawɔ nye dɔdeasiwoe o." data/train/1KI/1KI_001_Verse_010.mp3,"Benaya, Yehoiada ƒe vi, gblɔ be, “Neva eme! Yehowa, wò Mawu la naɖo kpe edzi." data/train/1KI/1KI_017_Verse_018.mp3,No tsi le tɔʋu la me eye nàɖu nu si akpaviãwo atsɔ vɛ na wò elabena mana be woatsɔ nuɖuɖu vɛ na wo.” data/train/1KI/1KI_019_Verse_001.mp3,"Ale Eliya yi ɖakpɔ Elisa, Safat ƒe vi la, esi wònɔ agble ŋlɔm kple nyiwo ƒe hatsotso wuiɖekɛ siwo yome wònɔ. Ewu bo la ŋɔŋlɔ nu kple nyiawo ƒe hatsotso mamlɛtɔ. Eliya te ɖe eŋu, tsɔ eƒe dziwui da ɖe eƒe abɔta eye wòtrɔ dzo." data/train/1KI/1KI_011_Verse_023.mp3,Ke maxɔ fiaɖuƒe la le via si eye matsɔ toawo dometɔ ewo na wò. data/train/1KI/1KI_006_Verse_032.mp3,Woƒe aʋala emetɔwo tɔ wo nɔewo le xɔ la titina. data/train/1KI/1KI_013_Verse_001.mp3,Ale wòto mɔ bubu dzo eye megato mɔ si wòto yi Betel la o. data/train/1KI/1KI_001_Verse_035.mp3,"Natan gblɔ be, “Ɖe wò, nye aƒetɔ, fia ɖe gbeƒã be Adoniya aɖu fia ɖe tewòƒe eye be wòanɔ wò fiazikpui dzia?" data/train/1KI/1KI_001_Verse_025.mp3,"Hekpe ɖe esia ŋu la, fiaŋumewo va yra míaƒe aƒetɔ, Fia David eye wogblɔ nɛ be, ‘Wò Mawu nana Solomo ƒe ŋkɔ nade dzi wu tɔwò eye eƒe fiazikpui nali ke wu tɔwò!’ Fia la de ta agu le eƒe aba dzi, subɔ Mawu" data/train/1KI/1KI_018_Verse_009.mp3,"Azɔ la, lilikpowo va xe dziŋgɔli la ŋkume litii eye ahomya sesẽ aɖe he tsidzadza gã aɖe vɛ. Ahab dzo enumake yi Yezreel." data/train/1KI/1KI_022_Verse_001.mp3,"Ahazia, Fia Ahab ƒe vi, ame si ɖu fia ɖe Ahab yome la gblɔ na Yehosafat be wòana ye hã yeƒe amewo nayi gake Yehosafat gbe." data/train/1KI/1KI_009_Verse_010.mp3,Fia Solomo na wokpa tɔdziʋuwo hã ɖe Ezion Geber si le Elat gbɔ le Ƒu Dzĩ la ta le Edomnyigba dzi. data/train/1KI/1KI_006_Verse_001.mp3,Akpata si le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu la didi mita ene kple afã. data/train/1KI/1KI_004_Verse_016.mp3,Eto lododo akpe etɔ̃ vɛ eye wòkpa ha akpe ɖeka kple atɔ̃. data/train/1KI/1KI_006_Verse_023.mp3,"“Le gbedoxɔ si tum nèle ŋu la, ne èzɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, nèwɔ nye kɔnuwo dzi, ne èlé nye sewo me ɖe asi eye nèwɔ wo dzi la, ekema mato dziwò awɔ ŋugbe si medo na fofowò, David la dzi." data/train/1KI/1KI_004_Verse_029.mp3,"nyitsu dami ewo siwo wonyi le nyikpo me, nyi blaeve siwo wonyi le gbeɖuƒewo, alẽ alafa ɖeka eye ɣe aɖewo ɣi la, wowɔa sẽ, zi, sãde kple xevi damiwo ŋu dɔ." data/train/1KI/1KI_021_Verse_023.mp3,"Mahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò, matsrɔ̃ wò dzidzimeviwo eye maɖe ŋutsu ɖe sia ɖe ɖa le Ahab ŋu le Israel, eɖanye ablɔɖevi alo kluvi o." data/train/1KI/1KI_009_Verse_003.mp3,"Egatu du bubuwo, ɖewo nye nuɖuɖudzraɖoƒewo eye bubuwo nye tasiaɖamwo ƒe du, sɔdolawo ƒe du, hekpe ɖe xɔ siwo katã dzroe la ɖe Yerusalem kple Lebanon kple teƒe bubu vovovowo le anyigba si dzi wònye fia ɖo la." data/train/1KI/1KI_005_Verse_003.mp3,"Egblɔ ɖo ɖe Solomo be, “Mese wò nyawo eye mawɔ nu si nèbia. Mate ŋu ana sedati kple sesewuti siaa wò hena xɔa tutu." data/train/1KI/1KI_018_Verse_035.mp3,"Meta Yehowa, wò Mawu la ƒe agbe be dukɔ alo fiaɖuƒe aɖeke meli si nye aƒetɔ medɔ ame ɖo be woadi wò o. Ne dukɔ aɖe alo fiaɖuƒe aɖe gblɔ be mèle yewo gbɔ o la, enana wokaa atam be nyateƒee yewomekpɔ wò o." data/train/1KI/1KI_007_Verse_044.mp3,Woɖi ze atɔ̃ ɖe gbedoxɔ la ƒe dziehe eye woɖi atɔ̃ bubu hã ɖe eƒe anyiehe. Zɔ la nɔ dzogoe si nɔ dziehe kple ɣedzeƒe dome la me le xɔa me le ɖusime. data/train/1KI/1KI_011_Verse_010.mp3,"Esi Hadad se le Egipte be David kple Yoab siaa ku la, ebia mɔ Fia Farao be yeagbugbɔ ayi Edom." data/train/1KI/1KI_012_Verse_010.mp3,Esia nye nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe elabena ameawo subɔ wo. data/train/1KI/1KI_006_Verse_025.mp3,Manɔ Israelviwo dome eye nyemagblẽ wo ɖi akpɔ o.” data/train/1KI/1KI_019_Verse_017.mp3,"Le esia megbe la, nàsi ami na Yehu, Nimsi ƒe vi, wòazu Israel fia eye nàsi ami na Elisa, Safat ƒe vi, tso Abel Mehola ne wòanye nyagblɔɖila ɖe tewòƒe." data/train/1KI/1KI_002_Verse_008.mp3,"Azɔ la, medi be mabia wò nàna kpekpeɖeŋu tɔxɛ aɖem. Meɖe kuku, mègagbe kpekpeɖeŋu sia nanam o.” Batseba biae be, “Nu kae?”" data/train/1KI/1KI_011_Verse_031.mp3,"Solomo di be yeawu Yeroboam, ke Yeroboam si yi Fia Sisak gbɔ le Egipte eye wònɔ afi ma va se ɖe esime Fia Solomo ku." data/train/1KI/1KI_011_Verse_009.mp3,"Esi Fia David gbã Zoba dua la, Rezɔn si kple ame aɖewo yi Damasko, ame siawo va zu adzoha aɖe eye Rezɔn nye woƒe kplɔla. Emegbe la, Rezɔn va zu fia le Damasko." data/train/1KI/1KI_002_Verse_035.mp3,"“Ke ve Barzilai, Gileadtɔ la ƒe viwo nu elabena wove nunye esi mesi le vinye Absalom nu." data/train/1KI/1KI_010_Verse_016.mp3,"Le nunana siwo Seba fianyɔnu la tsɔ vɛ na Fia Solomo ta la, Fia Solomo hã na nu sia nu si fianyɔnu la biae hekpe ɖe nunana siwo eya ŋutɔ dzra ɖo be yeanae la ŋuti eye fianyɔnu la kple eƒe subɔlawo trɔ yi wo de." data/train/1KI/1KI_007_Verse_013.mp3,"Fiazikpuixɔ alo Ʋɔnudrɔ̃xɔ hã nɔ anyi, afi si Fia Solomo drɔ̃a ʋɔnu le. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu tso anyigba ɖatɔ daɖedziawo." data/train/1KI/1KI_021_Verse_027.mp3,Woƒo ƒu ameawo eye wodrɔ̃ ʋɔnu Nabɔt. data/train/1KI/1KI_019_Verse_010.mp3,"Esi Eliya se gbe bɔlɔe la la, ehe eƒe awu ʋlaya tsyɔ mo eye wòdo ɖe gota ɖatsi tsitre ɖe agado la ƒe mɔnu. Tete gbe aɖe gblɔ nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”" data/train/1KI/1KI_016_Verse_021.mp3,"Le Asa, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me la, Zimri ɖu fia le Tirza ŋkeke adre. Aʋakɔ la ƒu asaɖa anyi ɖe Gibeton si nye Filistitɔwo ƒe du aɖe la xa." data/train/1KI/1KI_016_Verse_019.mp3,Ke Aʋafia Omri ɖu Tibni dzi. Wowu Tibni ale be ame aɖeke megaʋli fiaɖuƒe la kple Omri o. data/train/1KI/1KI_022_Verse_050.mp3,"“Yehowa biae be, ‘Aleke nàwɔ nu siae?’ “Mawudɔla la ɖo eŋu be, Mayi abe aʋatsokagbɔgbɔ ene, aɖo nu me na eƒe nyagblɔɖilawo katã. “Yehowa gblɔ be, ‘Esia anyo eye wòadze edzi hã, yi, nàwɔ alea.’" data/train/1KI/1KI_010_Verse_027.mp3,Wodɔa Solomo ƒe sɔwo tsoa Egipte kple Kue. Fia la ƒe asitsalawo ƒlea wo tso Kue. data/train/1KI/1KI_013_Verse_017.mp3,"Esia nye nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe, ena Yeroboam ƒe fiaɖuƒe la gbã eye wòhe ku vɛ na eƒe ƒometɔwo katã." data/train/1KI/1KI_014_Verse_006.mp3,"Esime Rehoboam, ame si dadae nye Naama, Amoni nyɔnu la ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe du la me eye via Abiyam ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/1KI/1KI_022_Verse_025.mp3,"Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nya nyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.” Yehosafat ɖo eŋu nɛ be, “Fia la megagblɔ nya ma o.”" data/train/1KI/1KI_008_Verse_046.mp3,"“Ne dziƒowo nu tu eye tsi mele dzadzam o elabena wò amewo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wodo gbe ɖa ɖo ɖe teƒe sia, ʋu wò ŋkɔ me eye woɖe asi le woƒe nu vɔ̃ ŋu elabena èwɔ fu wo la," data/train/1KI/1KI_002_Verse_042.mp3,"Simei gblɔ nɛ be, “Mesee; mawɔ nu sia nu si nye aƒetɔ fia la gblɔ.” Ale wònɔ Yerusalem ɣeyiɣi didi aɖe." data/train/1KI/1KI_003_Verse_025.mp3,"Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me eye wògblɔ nɛ be, “Bia nu sia nu si dze ŋuwò la eye matsɔe ana wò!”" data/train/1KI/1KI_018_Verse_008.mp3,"Azɔ la, Eliya gblɔ na Fia Ahab be, “Yi nàdi nu nyui aɖe nàɖu elabena tsi gã aɖe ɖo gbɔna.”" data/train/1KI/1KI_008_Verse_057.mp3,"Tete Fia la trɔ ɖe ameha la gbɔ, ameawo tsi tsitre ɖe eŋkume be yewoaxɔ eƒe yayra eye wòyra wo." data/train/1KI/1KI_021_Verse_025.mp3,"Srɔ̃a, Yezebel biae be, “Nya kae dzɔ ɖe dziwò? Nu kae na nètɔtɔ eye nèdo dɔmedzoe ale?”" data/train/1KI/1KI_007_Verse_036.mp3,"Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ kpluwo, hɛwo, agbawo, gatsiwo kple nutɔgbawo kple Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe ʋɔtrugawo kple gbedoxɔ la ƒe mɔnuʋɔtru." data/train/1KI/1KI_012_Verse_013.mp3,Eɖo ŋkekenyui aɖe anyi da ɖe ɣleti enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi abe ŋkekenyui siwo woɖuna le Yuda ene eye wòsaa vɔ le vɔsamlekpui la dzi. Ewɔ esia le Betel eye wosaa vɔ na nyivi siwo wòwɔ le Betel. Eɖo nunɔlawo na nuxeƒe siwo wòtu. data/train/1KI/1KI_016_Verse_006.mp3,Dzɔgbevɔ̃enya sia dzɔ le Baasa kple via Ela ƒe nu vɔ̃wo ta elabena wokplɔ Israel de legbawo subɔsubɔ me eye Yehowa do dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ. data/train/1KI/1KI_009_Verse_004.mp3,ekema makplɔ Israel dukɔ la adzoe le anyigba si metsɔ na wo la dzi. Maɖe wo le gbedoxɔ sia si ŋu mekɔ na nye ŋkɔ la me eye manya wo le nye ŋkuta. Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome. data/train/1KI/1KI_020_Verse_023.mp3,"etsɔ ɣe aleawo ɣi lɔƒo la, maɖo amewo ɖa be woaka wò fiasã me kple ŋuwòmewo ƒe aƒewo me. Woatsɔ nu sia nu si xɔ asi na wò la adzoe!’ ”" data/train/1KI/1KI_006_Verse_007.mp3,"Ekpa kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔ eveawo ƒe gliwo ŋu" data/train/1KI/1KI_007_Verse_038.mp3,"Wotsɔ zɔ la da ɖe nyitsu wuieve dzi. Etɔ̃ dze ŋgɔ anyiehe, etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe eye etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Wotsɔ zɔ la da ɖe wo tame eye zɔ la ƒe afɔwo le woƒe titina." data/train/1KI/1KI_012_Verse_002.mp3,"Ale woɖo du ɖe Yeroboam eye eya kple Israel blibo la yi Rehoboam gbɔ ɖagblɔ nɛ be," data/train/1KI/1KI_011_Verse_029.mp3,"“ ‘Nyemaxɔ fiaɖuƒe la le esi fifia o, ke le nye dɔla, David ame si metia, ame si wɔ nye seawo dzi ta la, mana Solomo naɖu fia le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me." data/train/1KI/1KI_008_Verse_006.mp3,"“Azɔ la, Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe bubu si nèdo nɛ la hã dzi. Èdo ŋugbe be, ne fofonye ƒe dzidzimeviwo alé wò mɔwo me ɖe asi eye woawɔ wò lɔlɔ̃nu abe ale si eya wɔ ene la, ekema wo dometɔ ɖeka anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi ɣe sia ɣi." data/train/1KI/1KI_011_Verse_003.mp3,"Ale si wòtso ɖe Fia Solomo ŋue nye esi: Solomo tu Milo mɔ eye wònɔ fofoa, David ƒe du la ƒe gliwo dzram ɖo." data/train/1KI/1KI_002_Verse_015.mp3,"Ekema Yehowa ana ame eve siwo nyo wui hafi wòwu wo la ƒe nu vɔ̃ nanɔ eya ŋutɔ dzi elabena fofonye ƒe asi menɔ Aʋafia Abner, Israelʋakɔ la ƒe kplɔla gã la kple Aʋafia Amasa, Yudaʋakɔwo ƒe kplɔla gã la ƒe ku me o." data/train/1KI/1KI_019_Verse_018.mp3,"Mawudɔla la gava zi evelia, ganyɔe hegagblɔ nɛ be, “Fɔ, nàgaɖu nane elabena mɔ didi aɖe le ŋgɔ na wò.”" data/train/1KI/1KI_004_Verse_006.mp3,"Bana, Ahilud ƒe vi dzɔa nu le Taanak, Megido, Bet Sean dzɔa nu le Zaretan gbɔ le Yezreel te kple anyigba si tso Betsan yi Abel Mehola heyi Yokmeam la dzi;" data/train/1KI/1KI_013_Verse_016.mp3,"Esi wonɔ nu ɖum la, Yehowa ƒo nu na nyagblɔɖila tsitsi la." data/train/1KI/1KI_016_Verse_026.mp3,"Wò ƒometɔ siwo aku le dua me la, avuwo aɖu wo eye esiwo aku ɖe gbedzi la, akagawo aɖu wo.”" data/train/1KI/1KI_015_Verse_008.mp3,"Baasa, Ahiya ƒe vi si tso Isaka ƒe to la me ɖo nugbe ɖe eŋu eye wòwui esime wònɔ Israel ƒe aʋakɔ la me eye wòɖe to ɖe Gibeton, si nye Filistitɔwo ƒe du." data/train/1KI/1KI_008_Verse_055.mp3,se woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo le dziƒo eye nàxɔ na wo. data/train/1KI/1KI_016_Verse_003.mp3,"Aʋafia Zimri, ame si kpɔa fia la ƒe tasiaɖamwo ƒe afã dzi la ɖo nugbe ɖe Fia Ela ŋu. Gbe ɖeka la, esi Fia Ela mu aha afã kple afã le Arza, ame si nye fiasãdzikpɔla ƒe aƒe me le Tirza, si nye fiadu la me la," data/train/1KI/1KI_021_Verse_019.mp3,"Ke Nabɔt ɖo eŋu be, “Anyigba sia nye tɔgbuinyigba na mí. Naneke mana maɖe asi le eŋu na wò o.”" data/train/1KI/1KI_008_Verse_058.mp3,Tete Israel ŋutsuwo katã kpe ta ɖe Fia Solomo gbɔ le Agbadɔmeŋkekenyui la ɖuɣi le ɣleti adrelia me. data/train/1KI/1KI_004_Verse_004.mp3,Ame wuieve siawo kple teƒe siwo wodzɔa nuɖuɖu le la woe nye esiawo: Ben Hur dzɔa nu le Efraim ƒe tonyigba ŋu; data/train/1KI/1KI_008_Verse_023.mp3,"Esi ŋu ke la, edo mɔ ameawo wodzo. Woyra fia la hafi dzo yi aƒe me; dzidzɔ kple aseyetsotso yɔ woƒe dziwo me ɖe nu nyui siwo katã Yehowa wɔ na eƒe dɔla, David kple eƒe dukɔ, Israel la ta." data/train/1KI/1KI_018_Verse_016.mp3,"Eliya trɔ ɖe Baal ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Miawo miwɔ mia tɔ gbã, elabena miesɔ gbɔ. Mitia nyitsuawo dometɔ ɖeka, miflii da ɖe nakeawo dzi eye miyɔ miaƒe mawu la ƒe ŋkɔ gake migade dzo nakeawo te o.”" data/train/1KI/1KI_002_Verse_041.mp3,"“Nya kae le asiwò le nu vɔ̃ɖi siwo katã nèwɔ ɖe fofonye, Fia David, ŋu la ta? Yehowa nabia hlɔ̃ wò" data/train/1KI/1KI_006_Verse_009.mp3,Etsɔ kpe fufu ɖoɖo etɔ̃ kple sedaʋuƒo ɖoɖo ɖeka fa ɖe akpata emetɔwo ƒe gli ŋu. data/train/1KI/1KI_009_Verse_015.mp3,"Gbedoxɔ sia azu xɔ gbagbã si ƒe xɔtunuwo woali kɔe ɖi eye ame sia ame si ava tso eme yina la ƒe nu aku eye wòaɖu fewu agblɔ be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu siawo ɖe anyigba sia kple gbedoxɔ sia ŋu?’" data/train/1KI/1KI_004_Verse_019.mp3,Eƒe nunya de ŋgɔ wu nunyala gã siwo tso Ɣedzeƒe kple esiwo tso Egipte la tɔwo. data/train/1KI/1KI_008_Verse_036.mp3,"“Ke, ɖe Mawu ate ŋu anɔ anyigba dzia? Dziƒowo kple dziƒo kɔkɔtɔwo kekeake hã melolo na wò, hafi gbedoxɔ sia nasu na wò o!" data/train/1KI/1KI_013_Verse_002.mp3,"Ale wòyi Nyagblɔɖila tsitsi la ƒe aƒe me, ɖu nu eye wòno tsi." data/train/1KI/1KI_015_Verse_015.mp3,"Esi Baasa se be woho aʋa ɖe yeƒe duwo ŋu la, edzudzɔ Rama du la tutu eye wòtrɔ yi Tirza." data/train/1KI/1KI_007_Verse_021.mp3,"Le zɔ la te lɔƒo la, wowɔ go siwo dome nɔ sentimita ene alo eve eye wonɔ agbaka eve me. Wololõ akɔbli wɔ wo kpe ɖe gazɔ la ŋu." data/train/1KI/1KI_019_Verse_020.mp3,"Yehowa gblɔ nɛ be, “Trɔ, nàlé mɔ si dzi nèto va eye nàyi ɖe Damasko gbegbe. Ne èɖo afi ma la, si ami na Hazael wòanye fia ɖe Aram dzi." data/train/1KI/1KI_008_Verse_013.mp3,"ekema se woƒe gbe tso dziƒo eye nàtsɔ wò dukɔ, Israel ƒe nu vɔ̃ akee eye nàgbugbɔ wo ava anyigba si nèna wo fofowo la dzi." data/train/1KI/1KI_009_Verse_011.mp3,"Fia Solomo tsɔ du blaeve le Galilea na Hiram, Tiro fia elabena Hiram tsɔ sedatiwo kple sesewutiwo kple sika siwo katã wohiã la nɛ." data/train/1KI/1KI_011_Verse_042.mp3,"Yehowa do dɔmedzoe ɖe Solomo ŋu elabena eƒe dzi ɖe ɖa le Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si ɖe eɖokui fiae zi eve la ŋu." data/train/1KI/1KI_003_Verse_016.mp3,"“Ke le zã me la, emlɔ anyi, mli ɖamlɔ via dzi eye ɖevia ku." data/train/1KI/1KI_002_Verse_003.mp3,"Ale David ku eye woɖii ɖe Yerusalem, David ƒe du la me." data/train/1KI/1KI_018_Verse_025.mp3,Etsɔ kpeawo ɖi vɔsamlekpui le Yehowa ŋkɔ me eye wòɖe do ƒo xlãe. Do la lolo ale be woate ŋu akɔ tsi lita wuiatɔ̃ ɖe eme. data/train/1KI/1KI_007_Verse_025.mp3,"Solomo na wotsɔ sika nyuitɔ wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nuwo katã. Nu siawoe nye: vɔsamlekpui, kplɔ̃ si dzi wodaa Ŋkumeɖobolo ɖo;" data/train/1KI/1KI_022_Verse_014.mp3,"Esubɔ Baal eye wòto esia me do dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la abe ale si fofoa wɔ ene." data/train/1KI/1KI_006_Verse_021.mp3,"Le gbedoxɔ la me la, efa sedaʋuƒowo ɖe afi sia afi eye wòta goewo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe ʋuƒoawo ŋu ale be nu sia nu si le gbedoxɔa me la nye sedaʋuƒo, gli aɖeke ŋuti medze o." data/train/1KI/1KI_008_Verse_035.mp3,"Ke Yehowa gblɔ na fofonye, David be, ‘Esi nèɖoe ɖe wò dzi me be yeatu gbedoxɔ na nye ŋkɔ la, èwɔe nyuie be nèɖoe ɖe wò dzi me." data/train/1KI/1KI_007_Verse_020.mp3,"Huram nye Yuda nyɔnu aɖe si tso Naftali ƒomea me eye wònye ahosi aɖe ƒe vi. Fofoa nye akɔblinutula tso Tiro, ale aɖaŋu, nugɔmesese kple nunya geɖe le tagbɔ nɛ eye wònya akɔbliɖaŋu vovovowo wɔwɔ. Eva Fia Solomo gbɔ eye wòwɔ dɔ siwo katã wode asi nɛ." data/train/1KI/1KI_006_Verse_014.mp3,"eye wòkpa Kerubiwo, detiwo, seƒoƒo siwo ke la ɖe mɔnu la ƒe ʋɔtru eve siwo wòkpa kple amiti la ŋu hafi fa sika ɖe wo katã ŋu." data/train/1KI/1KI_007_Verse_023.mp3,Nunɔdzi ewoawo katã sɔ le lolome eye woɖi wo nɔewo elabena wololõ woƒe akɔbli kɔ ɖe nu ɖeka ma ke me le wo wɔɣi. data/train/1KI/1KI_010_Verse_006.mp3,"Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe," data/train/1KI/1KI_003_Verse_024.mp3,Vɔsamlekpui siwo nɔ toawo dzi la dometɔ xɔŋkɔtɔe nye esi nɔ Gibeon; Fia la yi afi ma eye wòsa numevɔ akpe ɖeka! data/train/1KI/1KI_007_Verse_011.mp3,"Fia Solomo tu eya ŋutɔ ƒe nɔƒe ɖe xɔ sia megbe. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu eye wòtu akpata aɖe ƒo xlãe. Egatu xɔ sia tɔgbi tututu ɖe fiasã la me na Fia Farao ƒe vinyɔnu, ame si nye srɔ̃awo dometɔ ɖeka." data/train/1KI/1KI_001_Verse_046.mp3,"Wogblɔ na fia la bena, “Nyagblɔɖila Natan le diwòm.” Ale wòdo ɖe fia la gbɔ eye wòde ta agu nɛ." data/train/1KI/1KI_021_Verse_004.mp3,"Ale Yezebel ŋlɔ agbalẽwo ɖe Fia Ahab ƒe ŋkɔ me, tre enu kple Ahab ƒe ŋkɔsigɛ eye wòɖo wo ɖe Yezreel ƒe dumegã siwo nɔ teƒe ɖeka kple Nabɔt." data/train/1KI/1KI_007_Verse_031.mp3,"Wota Kerubiwo, dzatawo kple detiwo eye wofa seƒoƒowo ƒo xlã wo togawo afi sia afi si mɔ nɔ la ko." data/train/1KI/1KI_001_Verse_006.mp3,"Azɔ fofoa, David, mehe nya ɖe eŋu kpɔ alo he to nɛ kpɔ le eƒe agbe me o. Enye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe eye eyae dzɔ ɖe Absalom yome." data/train/1KI/1KI_015_Verse_013.mp3,"elabena David ɖo to Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me negbe nu si wòwɔ Uria, Hititɔ la ko." data/train/1KI/1KI_017_Verse_010.mp3,"Eliya dra ɖe ɖevi la dzi zi etɔ̃ eye wòdo ɣli na Yehowa, be, “Oo, Yehowa, nye Mawu, na be ɖevi sia ƒe agbe natrɔ ava eme!”" data/train/1KI/1KI_001_Verse_030.mp3,"Ke mekpe nye, wò dɔla Zadok, nunɔla la kple Benaya, Yehoiada ƒe vi kple wò dɔla Solomo ya o." data/train/1KI/1KI_004_Verse_013.mp3,"Elihoref kple Ahiya, Sisa ƒe viwo nye nuŋlɔlawo; Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye ame si ŋlɔa takpekpemenyawo dana ɖi eye wòkpɔa nu xoxowo dzi;" data/train/1KI/1KI_017_Verse_011.mp3,"Eliya gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o; yi aƒe me eye nàwɔ abe ale si nègblɔ ene gake gbã la, ƒo abolo sue aɖe kple wɔ la ƒe ɖe eye nàtsɔe vɛ nam. Emegbe nàɖa nane na wò ŋutɔ kple viwò ŋutsu la" data/train/1KI/1KI_020_Verse_017.mp3,"Ben Hadad gblɔ nɛ be, “Magbugbɔ du siwo fofonye xɔ le fofowò si la na wò; àte ŋu atsa asi kple Damasko abe ale si fofonye wɔ le Samaria ene.” Ahab gblɔ be, “Bla nu kplim, ekema maɖe asi le ŋuwò nàdzo.” Ale wòbla nu kplii eye wòɖe asi le eŋu wòdzo." data/train/1KI/1KI_002_Verse_017.mp3,"“Ènya be Yoab, Yeruya vi wu nye Israelʋafia eve, Abner kple Amasa. Eble amewo be aʋa mee yewu wo le, le esime wònye ŋutifafa ƒe ɣeyiɣiwo mee wòwu wo le." data/train/1KI/1KI_008_Verse_014.mp3,"ekema se woƒe gbedodoɖa le dziƒo, wò nɔƒe la eye nàwɔ nu si wobia wò la na wo. Ekema anyigbadzitɔwo katã anya nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu eye woavɔ̃ wò abe ale si wò ŋutɔ wò Israelviwo vɔ̃a wòe ene, ale woawo hã anya be gbedoxɔ sia, si metu na wò la nye tɔwò nyateƒe." data/train/1KI/1KI_001_Verse_022.mp3,"Fia Solomo gblɔ be, “Ne elé eɖokui nyuie la, ame aɖeke mawɔ nuvevi aɖekee o, ke ne melé eɖokui nyuie o la, aku.”" data/train/1KI/1KI_013_Verse_000.mp3,Ale nyagblɔɖila la tsɔ ame kuku la ɖe tedzi dzi va dua me be yeafae eye yeaɖii. data/train/1KI/1KI_015_Verse_033.mp3,Woŋlɔ nya bubuawo tso Baasa ƒe fiaɖuɖu ŋuti ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. data/train/1KI/1KI_016_Verse_015.mp3,"eya ta azɔ la, matsrɔ̃ wò kple wò ƒometɔwo abe ale si metsrɔ̃ Yeroboam ƒe dzidzimeviwo ene." data/train/1KI/1KI_011_Verse_014.mp3,Fia Farao na dzeƒe kple nuɖuɖu wo. data/train/1KI/1KI_021_Verse_008.mp3,"“Azɔ la, Yehowa gblɔ nam ku ɖe Yezebel ŋuti be, ‘Avuwo aɖu Yezebel ƒe kukua le Yezreel ƒe gliwo gbɔ.’" data/train/1KI/1KI_007_Verse_029.mp3,Womli nunɔdzi la ƒe nu wokɔ sentimita blaeve-vɔ-ade eye towo kple akɔgo le eŋu. data/train/1KI/1KI_007_Verse_000.mp3,"akaɖitiwo, atɔ̃ le ɖusime eye atɔ̃ hã le miame, le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ŋgɔ, seƒoƒowo, akaɖiwo kple ɖovulãnuwo." data/train/1KI/1KI_015_Verse_004.mp3,Asa ɖɔ ŋu ɖo hewɔ nu si dza le Yehowa ƒe ŋkume abe ale si tɔgbuia Fia David wɔ ene. data/train/1KI/1KI_022_Verse_021.mp3,"Gake Yehosafat gblɔ kpe ɖe eŋu na Israel fia be, “Bia gbe Yehowa gbã.”" data/train/1KI/1KI_007_Verse_014.mp3,gazɔ ɖeka kple nyitsu wuieve siwo le gazɔ la te; data/train/1KI/1KI_001_Verse_039.mp3,"Ne miekplɔe gbɔ va ɖo afi sia la, mina wòanɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi abe fia yeye la ene elabena metiae be wòanye fia na Israel kple Yuda.”" data/train/1KI/1KI_002_Verse_021.mp3,"Eɖo eŋu be, “Ƒo nu na Fia Solomo nam elabena menya be awɔ nu sia nu si nàbiae. Ƒo nu nɛ nam be wòatsɔ Abisag, Sunami nyɔnu la nam maɖe.”" data/train/1KI/1KI_020_Verse_006.mp3,"Ale woyi Fia Ahab gbɔ eye woɖe kuku nɛ be, “Wò dɔla, Fia Ben Hadad le kuku ɖem be, ‘Na manɔ agbe!’ ” Israel Fia bia be, “Oo, egale agbea? Nɔvinyee!”" data/train/1KI/1KI_008_Verse_065.mp3,"Yehowa, míaƒe Mawu la nena nye gbedodoɖa sia me nyawo nanɔ eƒe ŋkume zã kple keli ale be wòakpe ɖe nye kple Israel blibo la ŋu le míaƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo me." data/train/1KI/1KI_005_Verse_009.mp3,"Fia Solomo yi edzi be, “Ke azɔ la, Yehowa, nye Mawu na ŋutifafa Israel le goawo katã me, dukɔ bubuwo meganye futɔwo nam o," data/train/1KI/1KI_008_Verse_033.mp3,"Ke azɔ la, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbedodo si nèwɔ na wò dɔla David, fofonye la hã dzi." data/train/1KI/1KI_005_Verse_008.mp3,"Eɖoa ame akpe ewo (10,000) ɖe Lebanon wonɔa afi ma ɣleti ɖeka ale ame sia ame nɔa Lebanon ɣleti ɖeka eye wònɔa aƒe ɣleti eve. Dɔwɔlawo dzikpɔlae nye Adoniram." data/train/1KI/1KI_014_Verse_026.mp3,"Yehowa ŋutɔ aɖo fia aɖe na eɖokui ɖe Israel dzi. Fia sia aɖe Yeroboam ƒe ƒome blibo la ɖa. Egbee nye ŋkeke la! Nu ka? Ɛ̃, fifi laa gɔ̃ hã." data/train/1KI/1KI_016_Verse_008.mp3,"Emegbe la, Ahab li aƒeli bubuwo eye wòwɔ nu vɔ̃ bubu geɖe siwo gado dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la wu Israel fia bubu siwo katã do ŋgɔ nɛ." data/train/1KI/1KI_020_Verse_041.mp3,"Ƒo ƒu aʋakɔ bubu nu abe esi tsrɔ̃ la ene. Na sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋawɔla xexlẽme mawo tututu mí eye míawɔ aʋa kpli wo le balime. Ekema ɖikeke aɖeke meli be míaɖu wo dzi kokoko o!” Ale Fia Ben Hadad wɔ nu si wogblɔ nɛ." data/train/1KI/1KI_022_Verse_027.mp3,"Ke Mikaya gblɔ be, “Meta Mawu be nya si Yehowa gblɔ nam la ko magblɔ.”" data/train/1KI/1KI_019_Verse_000.mp3,"Ale Eliya si, le eƒe agbe ta heyi Beerseba si nye du aɖe le Yuda. Egblẽ eƒe subɔla ɖe afi ma." data/train/1KI/1KI_012_Verse_000.mp3,"Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu." data/train/1KI/1KI_020_Verse_036.mp3,"Nyagblɔɖila la te ɖe Israel fia ŋu eye wògblɔ nɛ be, “Dzra ɖo na Siria fia ƒe aʋa bubu hoho ɖe ŋuwò!”" data/train/1KI/1KI_009_Verse_019.mp3,"Ke esi Hiram tso Tiro yi ɖakpɔ du siwo Solomo tsɔ nɛ la, duawo medze eŋu o." data/train/1KI/1KI_006_Verse_013.mp3,eye wòfa sika ɖe xɔ eveawo ƒe anyigba. data/train/1KI/1KI_006_Verse_015.mp3,"Eɖe mita asiekɛ ɖe gbedoxɔ la megbe eye wòtsɔ sedaʋuƒowo ma teƒe si wòɖe ɖe megbe la me tso anyigba ɖatɔ xɔ la ƒe dzisasã be wòanye xɔ anɔ gbedoxɔ la me, esia nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe." data/train/1KI/1KI_003_Verse_026.mp3,"Ɖeka gblɔ be, “Nye aƒetɔ, nye kple nyɔnu sia míele aƒe ɖeka me. Medzi vi esime wònɔ afi ma kplim." data/train/1KI/1KI_003_Verse_007.mp3,"eya ta Mawu gblɔ nɛ be, “Esi nèbia esia eye menye agbe didi loo alo kesinɔnuwo na ɖokuiwò o loo alo wò futɔwo ƒe ku o ke boŋ dzi nyanu be yeatsɔ atso afia nyui ta la," data/train/1KI/1KI_020_Verse_024.mp3,"Eƒe aʋakplɔlawo gblɔ nɛ be, “Amegã, míese be Israel fiawo nye nublanuikpɔnamelawo. Na míata akpanya, akaka ɖa ɖe ta eye míayi Fia Ahab gbɔ kpɔ be ana nànɔ agbe mahã?”" data/train/1KI/1KI_011_Verse_013.mp3,"Fia Farao biae be, “Nu ka ta? Nu kae hiã wò le afi sia? Ɖe míegbe nane si nèkpɔ mɔ na la wɔwɔ na wòa?” Hadad ɖo eŋu be, “Èkpɔ dzinye nyuie ŋutɔ gake hã la, medi be magbugbɔ yi mía de.”" data/train/1KI/1KI_001_Verse_042.mp3,Nyɔnuvia dze tugbe ŋutɔ. Elé be na fia la eye wòsubɔe gake fia la medɔ kplii o. data/train/1KI/1KI_004_Verse_005.mp3,"Azaria, Natan ƒe vi nye dukɔ la ƒe dɔnunɔlawo ƒe tatɔ; Zabud, Natan ƒe vi nye nunɔla na Fia la ŋutɔ eye wòganye Fia la xɔlɔ̃ tɔxɛ;" data/train/1KI/1KI_001_Verse_002.mp3,"Adoniya yi En Rogel eye wòtsɔ alẽwo, nyitsuwo kple gbɔ̃vi damiwo sa vɔe le Sohelet kpe la gbɔ. Ebia tso Fia David ƒe viŋutsu bubuawo katã kple fiaŋume siwo katã nɔ Yuda la si be woava kpɔ ale si woaɖo fia ye la teƒe." data/train/1KI/1KI_016_Verse_011.mp3,Esia va eme elabena eya hã wɔ nu vɔ̃ abe Yeroboam ene. Esubɔ legbawo eye wòkplɔ Israel de nu vɔ̃ me. data/train/1KI/1KI_022_Verse_012.mp3,"Esi woklɔ eƒe tasiaɖam la kple eƒe gawu le Samaria ta la to, afi si gbolowo lea tsi le la, avuwo va ɖuɖɔ fia la ƒe ʋu abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi ene." data/train/1KI/1KI_021_Verse_000.mp3,"Ahab gblɔ na Eliya be, “Oo nye futɔ, èke ɖe ŋunye!” Eliya ɖo eŋu nɛ be, “Meke ɖe ŋuwò elabena ètsɔ ɖokuiwò dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume." data/train/1KI/1KI_020_Verse_025.mp3,"Eɖo ame dɔdɔwo ɖe Ahab, Israel fia gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Ben Hadad be," data/train/1KI/1KI_007_Verse_005.mp3,"Etsɔ akɔbli wɔ nunɔdzi ewo, tasiaɖam ƒe afɔwo nɔ ɖe sia ɖe te. Nunɔdzi ɖe sia ɖe ƒe didime kple kekeme nye mita eve eye wòkɔ mita ɖeka kple afã." data/train/1KI/1KI_012_Verse_009.mp3,"Esi Yeroboam, Nebat ƒe viŋutsu se nya sia la, etrɔ gbɔ tso Egipte, afi si wòsi le Fia Solomo nu yi ɖabe ɖo." data/train/1KI/1KI_011_Verse_032.mp3,"Solomo subɔ Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu kple Milkom, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la." data/train/1KI/1KI_001_Verse_036.mp3,"Ne èdi be yeaɖe ye ŋutɔ ƒe agbe kple ye vi Solomo tɔ la, ekema nàwɔ nu si magblɔ na wò la pɛpɛpɛ." data/train/1KI/1KI_008_Verse_008.mp3,"Azɔ Solomo tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume, eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo" data/train/1KI/1KI_020_Verse_039.mp3,Tete nyagblɔɖila la ɖe avɔ kakɛ la ɖa le eƒe ŋkume eye fia la dze sii be yeƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae. data/train/1KI/1KI_021_Verse_006.mp3,Ame eve aɖe siwo si dzitsinya nyui menɔ o la ka aʋatso ɖe Nabɔt si be eƒo fi de Mawu kple fia la. Ale wohee yi dua godo eye woƒu kpee wòku. data/train/1KI/1KI_022_Verse_044.mp3,"Woŋlɔ Fia Ahab ƒe ŋutinya mamlɛa, eƒe nyiɖufiasã kple du siwo wòtso la ƒe ŋutinya ɖe, Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me." data/train/1KI/1KI_009_Verse_018.mp3,Israelvi alafa atɔ̃ blaatɔ̃ nye ame siwo nye dzizizidɔwɔlawo dzi kpɔlawo. data/train/1KI/1KI_011_Verse_028.mp3,"Nu sia wɔwɔ xɔ ɣleti ade. Mlɔeba la, wowu ŋutsuawo katã kloe le Edom negbe Hadad kple fiaŋume ʋɛ aɖewo koe susɔ." data/train/1KI/1KI_011_Verse_002.mp3,Ale Fia Solomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel dukɔ blibo la dzi ƒe blaene. data/train/1KI/1KI_001_Verse_032.mp3,"Le ɣeyiɣi ma me la, David ƒe viŋutsu, Adoniya, ame si dadae nye Hagit la ɖo be yeatsɔ ye ɖokui aɖo fiae ɖe ye fofo amegãɖeɖi la teƒe. Ale wòdi tasiaɖamwo kple sɔdolawo kple ame blaatɔ̃ siwo anɔ du ƒum le fia la ŋgɔ la na eɖokui." data/train/1KI/1KI_018_Verse_028.mp3,"Eɖo nakeawo ɖe vɔsamlekpui la dzi eye wòfli nyitsu la hetsɔ ɖo nakeawo dzi. Emegbe la egblɔ na wo be, “Miku tsi ɖe tsizɔ eneawo me eye miatrɔe akɔ ɖe vɔsalã la kple nakeawo dzi.”" data/train/1KI/1KI_022_Verse_011.mp3,"Esi tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ Yehosafat la, wobu be, “Ame sia kokokoe nye Israel fia la.” Ale wolũ ɖe edzi, ke esi Yehosafat do ɣli la," data/train/1KI/1KI_002_Verse_028.mp3,"Fia Solomo ɖo ŋu na dadaa be, “Nu ka ta nèle Abisag, Sunami nyɔnu la biam na Adoniya ɖo? Bia fiaɖuƒe la hã na eya kple nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab si nye Zeruya ƒe vi la elabna fonyee.”" data/train/1KI/1KI_016_Verse_017.mp3,"Gbã la, etu gbedoxɔ kple vɔsamlekpui na Baal ɖe Samaria." data/train/1KI/1KI_019_Verse_011.mp3,"Etsa ŋku eye wòkpɔ abolo si mem wonɔ le kpe xɔdzowo dzi kple tsikplu aɖe! Ale wòɖu nu, no tsi la eye wògamlɔ anyi." data/train/1KI/1KI_009_Verse_028.mp3,"Yehowa gblɔ nɛ be, “Mese wò gbedodoɖa kple wò kokoƒoƒowo; mekɔ gbedoxɔ si nètu la ŋu to nye ŋkɔ dada ɖe edzi me tegbetegbe. Nye ŋkuwo kple nye dzi anɔ afi ma ɣe sia ɣi." data/train/1KI/1KI_017_Verse_013.mp3,"Eliya ɖo eŋu nɛ be, “Tsɔ viwò ŋutsuvi la nam.” Exɔe le eƒe abɔwo dome hetsɔe yi eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòtsɔe mlɔ eƒe aba dzi." data/train/1KI/1KI_007_Verse_041.mp3,Woyɔ xɔ bubu be Sɔtiwo Ƒe Xɔ. Edidi mita blaadre-vɔ-etɔ̃ eye wòkeke mita wuietɔ̃ kple afã. Akpata aɖe nɔ ŋgɔ na xɔ sia. Wogba akpata sia ɖe sɔtiwo dzi. data/train/1KI/1KI_018_Verse_041.mp3,"Obadiya kpɔ Eliya wògbɔna egbɔ. Obadiya dze sii enumake. Ede ta agu nɛ eye wòbiae be, “Nye aƒetɔ Eliya, wò tututuea?”" data/train/1KI/1KI_022_Verse_018.mp3,Fia aɖeke menɔ Edom ɣe ma ɣi o: fiateƒenɔla koe nɔ anyi. data/train/1KI/1KI_012_Verse_026.mp3,"‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: Migawɔ aʋa kple mia nɔviwo, Israelviwo o. Ame sia ame nayi eƒe aƒe me elabena nyee wɔ esia.’ ” Ale woɖo to Yehowa ƒe gbe eye wotrɔ yi woƒe aƒewo me abe ale si Yehowa ɖo na wo ene." data/train/1KI/1KI_001_Verse_051.mp3,"Yonatan ɖo eŋu na Adoniya be, “Ao! Míaƒe aƒetɔ, Fia David, tsɔ Solomo ɖo fiae." data/train/1KI/1KI_007_Verse_024.mp3,"Solomo mena woda nuawo kpɔ o, elabena akɔbliawo sɔ gbɔ ale gbegbe be, womate ŋu adae o." data/train/1KI/1KI_018_Verse_037.mp3,"Mlɔeba la, esi subɔla la yi zi adrelia la, egblɔ na Eliya be, “Mekpɔ lilikpo aɖe wòlolo abe ŋutsu ƒe asi ene. Enɔ hohom tso atsiaƒu la me.” Eliya do ɣli enumake be, “Ɖe abla nàyi Ahab gbɔ, gblɔ nɛ be wòage ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòaɖi tso to la dzi kaba, ne menye nenema o la, tsidzadza ava xe mɔ nɛ!”" data/train/1KI/1KI_014_Verse_030.mp3,"Ɣe sia ɣi si Fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me." data/train/1KI/1KI_008_Verse_028.mp3,"eye wògblɔ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu aɖeke meɖi wò, le dziƒo afi ma alo anyigba dzi afi sia o, wò ame si léa wò lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi kple wò subɔla siwo zɔna ɖe wò mɔwo nu kple dzi blibo." data/train/1KI/1KI_007_Verse_027.mp3,Sɔti eve; tameɖonu ɖeka ɖeka na sɔti eveawo; wotsi kɔsɔkɔsɔ eve ɖe tameɖonu nogoawo ŋu le sɔtiawo tame. data/train/1KI/1KI_018_Verse_033.mp3,"Le ɣetrɔ me la, woganɔ woƒe gbedodoɖa dzi kple ŋkubiã va se ɖe fiẽvɔsaɣi gake ame aɖeke metɔ o, ame aɖeke meɖo nya ŋu na wo loo alo ɖo to wo o." data/train/1KI/1KI_006_Verse_003.mp3,Ale wòfa sika ɖe xɔ blibo la me. Efa sika ɖe vɔsamlekpui si le xɔa emetɔ me la hã ŋu. data/train/1KI/1KI_018_Verse_007.mp3,"Ame si kpɔa Fia Ahab ƒe aƒemenyawo dzi lae nye Obadiya, ame si nye mawuvɔ̃la aɖe." data/train/1KI/1KI_003_Verse_022.mp3,"Solomo wɔ ɖeka kple Farao, Egipte fia eye wòɖe via nyɔnu aɖe. Ekplɔe va David ƒe du la me va se ɖe esime wòawu eƒe fiasã la kple Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu kple gliɖoɖo ƒo xlã Yerusalem nu." data/train/1KI/1KI_001_Verse_034.mp3,"Na Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan nasi ami na Solomo le afi ma abe Israel fia ene. Ekema miaku kpẽ eye miado ɣli be, ‘Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!’" data/train/1KI/1KI_022_Verse_037.mp3,"Mikaya ɖo eŋu be, “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu to dzinye o.” Etrɔ ɖe ame siwo le tsitre le afi ma la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Mide dzesi nya si megblɔ.”" data/train/1KI/1KI_004_Verse_027.mp3,"Nuɖuɖu si Solomo hiã le fiasã la me gbe sia gbe woe nye wɔ memi kilolita ade kple afã, wɔ bubu, kilolita wuietɔ̃ kple afã," data/train/1KI/1KI_008_Verse_024.mp3,"Etsi tsitre eye wòyra Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la kple gbe sesẽ aɖe hegblɔ be," data/train/1KI/1KI_011_Verse_037.mp3,Srɔ̃a dzi ŋutsuvi Gebubat nɛ eye wonyi Gebubat le Fia Farao ƒe fiasã me le fia la ŋutɔ ƒe viŋutsuwo dome. data/train/1KI/1KI_018_Verse_011.mp3,"Egblɔ na eƒe subɔla be, “Yi nàkpɔ atsiaƒu la gbɔ lɔƒo ɖa.” Subɔla la de gbɔ va gblɔ na Eliya be, “Nyemekpɔ naneke o.” Eliya gblɔ nɛ be, “Yi, nàgayi, nàgayi zi adre!”" data/train/1KI/1KI_021_Verse_018.mp3,"Gblɔ nye nya siawo nɛ be, ‘Nabɔt wuwu mesɔ gbɔ na wò oa? Ɖe wòle be nàda adzoe hã? Esi nèwɔ esia ta la, avuwo ano wò ʋu le dua godo abe ale si wono Nabɔt tɔ ene!’ ”" data/train/1KI/1KI_002_Verse_038.mp3,"Le ƒe etɔ̃ megbe la, Simei ƒe kluvi eve si yi Gat fia, Akis gbɔ. Esime Simei se be wole afi ma la," data/train/1KI/1KI_007_Verse_046.mp3,Woɖo gliawo ƒe dziƒogbɔ kple kpe xɔasi siwo wokpa ɖe dzidzeme nyuitɔ nu eye wotsɔ sedatiwo da ɖe wo dzi. data/train/1KI/1KI_010_Verse_005.mp3,"Esi Fia Hiram ƒe tɔdziʋuwo tsɔ sika tso Ofir vɛ na Fia Solomo la, wotsɔ papawuti kple kpe xɔasi geɖewo hã vɛ nɛ." data/train/1KI/1KI_002_Verse_006.mp3,Ame nyanue nènye eye ànya nu si nàwɔ; mègana wòaku le ŋutifafa me o. data/train/1KI/1KI_018_Verse_012.mp3,"Egblɔ na wo be, “Migawɔe ake” eye wogawɔe. Eɖe gbe na wò be, “Miwɔe zi etɔ̃lia.” Ale wowɔe zi etɔ̃lia." data/train/1KI/1KI_011_Verse_012.mp3,"Etu nuxeƒe aɖe gɔ̃ hã ɖe Amito la dzi le balime la godo tso Yerusalem, na Kemos, Moabtɔwo ƒe ŋunyɔmawu la eye wògatu bubu na Molek, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la hã." data/train/1KI/1KI_007_Verse_028.mp3,Wogbae kple sedati ɖe daɖedziawo tame. Daɖedziawo nɔ sɔti blaene-vɔ-atɔ̃awo dzi. Sɔti wuiatɔ̃ nɔ agbaka etɔ̃ dometɔ ɖe sia ɖe me. data/train/1KI/1KI_003_Verse_012.mp3,Fia Solomo ƒe nyametsotso sia kaka ɖe dukɔ blibo la me enumake eye ameawo katã ƒe nu ku esi wodze si nunya gã si Mawu nae. data/train/1KI/1KI_007_Verse_018.mp3,"Hiram tsɔ gadzẽ wɔ ze ewo da ɖe nunɔdziawo dzi, ze ɖe sia ɖe keke eye wòdidi mita eve eye wòxɔa tsi lita alafa enyi blaenyi." data/train/1KI/1KI_007_Verse_001.mp3,Akɔblifɔawo kɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Wonɔ akɔbli gbadzawo te eye wotu troƒeawo kple tasiaɖamuawo ɖekae. data/train/1KI/1KI_006_Verse_004.mp3,Eda wo ɖi ale be ɖeka ƒe aʋala tɔ gli le afii eye evelia hã ƒe aʋala tɔ gli le afi mɛ. data/train/1KI/1KI_018_Verse_019.mp3,"Eliya ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nye tututue. Yi nàgblɔ na Fia la be mele afii.”" data/train/1KI/1KI_014_Verse_010.mp3,"Ke èwɔ nu vɔ̃ wu fia siwo katã do ŋgɔ na wò. Èwɔ mawu bubuwo na ɖokuiwò, èdo dɔmedzoe nam kple wò sikanyiviawo eye nètrɔ megbe dem." data/train/1KI/1KI_006_Verse_028.mp3,"Wokpa kpe siwo ŋu dɔ wowɔ le gbedoxɔ la tutu me la le kpekuƒe la, ale womese zu, fia alo dɔwɔnu bubu aɖeke ŋu dɔ wɔwɔ ƒe ɖiɖi le xɔa tuƒe o." data/train/1KI/1KI_010_Verse_012.mp3,"Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke menɔ ɣaɣla ɖee o. Enya nu sia nu eye wòte ŋu ɖe nu sia nu me nɛ." data/train/1KI/1KI_007_Verse_017.mp3,Hiram tsɔ akɔbli wɔ tasiaɖamfɔ ene kple woƒe troƒewo ɖe nunɔdzi ɖe sia ɖe te. Zɔawo nɔ dzogoe eneawo dzi eye wodze ŋgɔ wo nɔewo. data/train/1KI/1KI_002_Verse_019.mp3,"Esi Fia Solomo se nya sia la, eɖo Benaya ɖa be wòayi aɖawui." data/train/1KI/1KI_010_Verse_018.mp3,"Nyemexɔe se o va se ɖe esime meva ɖo afi sia. Ke azɔ la, nye ŋutɔ mekpɔ wo katã na ɖokuinye! Kpɔ ɖa, womegblɔ ale si tututu nuwo le la ƒe afã gɔ̃ hã nam o! Wò nunya kple kesinɔtɔnyenye ƒo nu siwo katã mese kpɔ la ta!" data/train/1KI/1KI_014_Verse_018.mp3,Meka atam be avuwo aɖu wò ƒometɔ siwo aku le dua me eye xewo aɖu esiwo aku ɖe gbedzi.’ ” data/train/1KI/1KI_002_Verse_016.mp3,Enumake Fia Solomo ɖe gbe eye Benaya kplɔ Simei yi gota eye wòwui. Ale Solomo ƒe fianyenye li ke ɖe Israel dukɔ la me. data/train/1KI/1KI_022_Verse_040.mp3,"Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be, “Ɛ̃, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.”" data/train/1KI/1KI_020_Verse_032.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka be, wòagblɔ na nɔvia aɖe be, “Tsɔ wò yi dzam!” Ke nɔvia gbe." data/train/1KI/1KI_020_Verse_013.mp3,"Azɔ la, Siria fia la gblɔ ɖo ɖe Ahab be, “Mawuawo nafiam agafiam ɖe edzi ne nye aʋakɔ metrɔ Samaria wòzu ʋuʋudedi asiʋlo ʋɛ aɖewo ko o!”" data/train/1KI/1KI_005_Verse_018.mp3,Wogblẽ ga geɖe le dɔ sia wɔwɔ me. Amewo tso Gebal va kpe ɖe Solomo kple Hiram ƒe xɔtulawo ŋu le atidzedze kple kpekpakpa na gbedoxɔ la me. data/train/1KI/1KI_021_Verse_021.mp3,"Le esia megbe la, dumegãwo ɖo du ɖe Yezebel be Nabɔt ku." data/train/1KI/1KI_003_Verse_023.mp3,"Solomo ɖo eŋu be, “Èwɔ dɔmenyo gã na wò dɔla, fofonye, David elabena eɖi anukware na wò. Ewɔ nu dzɔdzɔe eye eƒe dzi to mɔ ɖeka. Èyi edzi, ɖe amenuveve gã sia fiae eye nèna viŋutsue be wòanɔ eƒe fiazikpui dzi egbea." data/train/1KI/1KI_001_Verse_040.mp3,Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan si ami nɛ heɖoe fiae le Gihon. Wole aseye tsom tso afi ma eye du blibo la hã gli kple aseyetsotso. Eyae nye ɣli si sem miele. data/train/1KI/1KI_022_Verse_015.mp3,"Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ƒe ŋkume elabena eto fofoa kple dadaa kple Yeroboam, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel de nu vɔ̃ me la ƒe afɔtoƒe." data/train/1KI/1KI_002_Verse_000.mp3,"Adoniya ɖo eŋu be, “Tsã la, fiaɖuƒe la nye tɔnye eye Israel katã bu be nyee anye fia yeyea hafi. Ke nuwo va trɔ eye nu sia nu va yi nɔvinye boŋ ƒe asi me elabena nenemae Yehowa di be wòanɔ." data/train/1KI/1KI_020_Verse_027.mp3,"Israel fia Ahab ɖo eŋu be, “Miyi ɖagblɔ na Fia Ben Hadad be, ‘Ame si le aʋa wɔ ge la maƒo adegbe o, ke ame si wɔ aʋa ɖu dzi la koe aƒo adegbe!’ ”" data/train/1KI/1KI_008_Verse_015.mp3,"ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo eye nàkpe ɖe ame sia ame si ʋu eƒe nu vɔ̃ me na wò le nyateƒe me la ŋu elabena ènya ame siawo ƒe dzi me." data/train/1KI/1KI_016_Verse_010.mp3,"Esi Zimri kpɔ be futɔwo xɔ Tirza la, eyi fiasã la me hetɔ dzoe ɖe eɖokui dzi eye wòku ɖe dzo la me." data/train/1KI/1KI_001_Verse_043.mp3,"Tete fia la ka atam be, “Esi Yehowa, ame si ɖem tso dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me le agbe la," data/train/1KI/1KI_009_Verse_001.mp3,Baalat kple Tadmɔ siwo nye gbegbe le eƒe anyigba dzi la tu. data/train/1KI/1KI_017_Verse_019.mp3,"Tete wòdo ɣli na Yehowa be, “Oo Yehowa, nye Mawu, ɖe nèhe dzɔgbevɔ̃e va ahosi si gbɔ mele la hã dzi eye nèna via ŋutsuvi la kua?”" data/train/1KI/1KI_001_Verse_000.mp3,"Adoniya he Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata ɖe eƒe akpa dzi eye wodo ŋugbe nɛ be, yewoakpe ɖe eŋu wòazu fia." data/train/1KI/1KI_022_Verse_031.mp3,"Le ƒe etɔ̃lia me, esime Yuda fia Yehosafat va kpɔ Israel fia Ahab ɖa la," data/train/1KI/1KI_008_Verse_018.mp3,"elabena ètia wo le anyigbadzidukɔwo katã dome be woanye wò domenyinu, abe ale si nègblɔ to wò dɔla Mose dzi ene esi nèkplɔ mía fofowo tso Egipte, Oo Aƒetɔ Yehowa.”" data/train/1KI/1KI_006_Verse_019.mp3,Kerubi eveawo sɔ goawo katã me. Efa sika ɖe ɖe sia ɖe ŋu. data/train/1KI/1KI_007_Verse_047.mp3,Woɖo xɔ la ƒe gɔmeɖokpewo kple kpe xɔasi gãwo eye ɖewo ƒe didime anɔ mita ene kple afã eye ɖewo hã etɔ̃ kple afã. data/train/1KI/1KI_003_Verse_003.mp3,Edzɔ dzi na Aƒetɔ la be Solomo bia nu sia data/train/1KI/1KI_008_Verse_044.mp3,"Na wò ŋkuwo nanɔ gbedoxɔ sia ŋu zã kple keli, teƒe si ŋu nègblɔ le be ‘Nye ŋkɔ anɔ afi ma’ ale be nàse wò subɔla ƒe gbe si wòado ɖa ɖo ɖe teƒe sia." data/train/1KI/1KI_012_Verse_024.mp3,"Le ɣleti enyilia, ɣleti si eya ŋutɔ tia la ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, esaa vɔwo le vɔsamlekpui si wòtu ɖe Betel la dzi. Ale wòɖo ŋkekenyui la anyi na Israelviwo eye wòyina ɖasaa vɔwo le vɔsamlekpui la dzi." data/train/1KI/1KI_020_Verse_007.mp3,"Ame dɔdɔawo gava eye wogblɔ be, “Ben Hadad be, ‘Togbɔ be medɔ ame ɖe wò be maxɔ wò klosalo kple sika kple srɔ̃wòwo kple viwòwo hã la," data/train/1KI/1KI_009_Verse_007.mp3,"Esi wowu gbedoxɔ la tutu nu la, Solomo sa numevɔ kple akpedavɔ zi etɔ̃ ƒe sia ƒe le vɔsamlekpui si wòtu na Yehowa la dzi eye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ hã le edzi le Yehowa ŋkume." data/train/1KI/1KI_011_Verse_001.mp3,Ahiya dze eƒe awu ʋlaya yeye la ɖe akpa wuieve me. data/train/1KI/1KI_002_Verse_033.mp3,"Ke azɔ la, mègabui ame maɖifɔe o. Nunyalae nènye; ànya nu si nàwɔe. Ɖo eƒe ta ƒowɔ la ɖe yɔ me to ʋu me.”" data/train/1KI/1KI_007_Verse_045.mp3,Woɖo gli siawo katã tso gota va se ɖe xɔxɔnu gã la eye tso gɔmeɖokpe dzi va se ɖe kpe siwo wotsɔ ƒo xɔtae la dzi. Kpe siawo nye kpe xɔasi siwo wokpa kple laxalaxa eye wozrɔ̃ wo ŋkume kple wo godo siaa. data/train/1KI/1KI_001_Verse_045.mp3,"Wodi nyɔnuvi dzetugbe aɖe le Israelnyigba blibo la dzi, wokpɔ Abisag, Sunamitɔ la eye wokplɔe vɛ na fia la." data/train/1KI/1KI_008_Verse_049.mp3,"“Ne futɔwo ɖu wò dukɔ, Israel dzi elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wotrɔ va gbɔwò eye woʋu wò ŋkɔ me, ne wodo gbe ɖa na wò le gbedoxɔ sia me la," data/train/1KI/1KI_008_Verse_000.mp3,"Ale Solomo ɖu ŋkekenyui le ɣe ma ɣi me eye Israel katã ɖui kplii. Ameha gã aɖe ŋutɔe wònye, ameawo tso Lebo Hamat va se ɖe Egipte tɔʋu la gbɔ ke. Woɖu ŋkeke sia le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume ŋkeke adre eye wogaɖui ŋkeke adre bubu. Wo katã le ŋkeke wuiene." data/train/1KI/1KI_008_Verse_007.mp3,"“Azɔ la, Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo elabena mezu Israel fia ɖe fofonye David yome eye azɔ la, metu gbedoxɔ sia na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ." data/train/1KI/1KI_001_Verse_012.mp3,"egblɔ na wo be, “Kplɔ wò aƒetɔ ƒe subɔlawo, nàtsɔ vinye Solomo ɖo nye ŋutɔ nye tedzi dzi eye nàkplɔe yi Gihon." data/train/1KI/1KI_015_Verse_006.mp3,Aʋawɔwɔ nɔ edzi ɖaa le Yuda fia Asa kple Israel fia Baasa dome. data/train/1KI/1KI_022_Verse_024.mp3,"Israel fia ɖe gbe be, “Milé Mikaya eye miakplɔe yi na dumegã Amon kple vinye Yoas." data/train/1KI/1KI_017_Verse_022.mp3,"Yehowa ƒe nya va na Eliya bena," data/train/1KI/1KI_021_Verse_007.mp3,“Avuwo aɖu Ahab ƒe aƒemetɔ siwo aku ɖe dua me eye dziƒoxeviwo aɖu esiwo aku ɖe gbedzi.” data/train/1KI/1KI_018_Verse_003.mp3,"Ale Eliya ɖagblɔe na Fia Ahab. Le ɣeyiɣi sia me la, dɔwuame nu sẽ ŋutɔ le Samaria." data/train/1KI/1KI_006_Verse_031.mp3,"Wowu xɔ blibo la tutu nu le Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti enyilia, Bul me. Ale gbedoxɔ la tutu xɔ ƒe adre." data/train/1KI/1KI_006_Verse_038.mp3,"Yehowa ƒe nya va na Solomo be," data/train/1KI/1KI_007_Verse_010.mp3,Fia la na wololõ ga la kɔ ɖe nu si wowɔ ɖe nuawo ƒe nɔnɔme me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Sukɔt kple Zaretan dome. data/train/1KI/1KI_012_Verse_031.mp3,"Woɖo eŋu nɛ be, “Ne egbe ànye dɔla na ame siawo, asubɔ wo eye nàna ŋuɖoɖo nyui aɖewo la, woanye wò dɔlawo tegbee.”" data/train/1KI/1KI_015_Verse_012.mp3,Egbugbɔ klosalo kple sika kple ŋudɔwɔnu siwo ŋu eya kple fofoa kɔ la va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. data/train/1KI/1KI_013_Verse_030.mp3,"Nyagblɔɖila tsitsi la bia be, “Mɔ ka wòto dzo?” Viawo fia mɔ lae." data/train/1KI/1KI_020_Verse_021.mp3,"Esi wò dɔla nɔ srẽɖi dzem le afii kple afi kemɛ la, amea si dzo.” Israel fia gblɔ nɛ be, “Esiae nye wò afiatsotso. Wò ŋutɔe tso afia, bu fɔ ɖokuiwò.”" data/train/1KI/1KI_022_Verse_002.mp3,Ale fia la ku eye wotsɔe ɖaɖi ɖe Samaria. data/train/1KI/1KI_021_Verse_002.mp3,"Ale Ahab tsɔ dɔmedzoe kple moyɔyɔ trɔ yi eƒe fiasã me. Egbe nuɖuɖu, eye wòɖamlɔ anyi hetrɔ mo ɖo ɖe gli ŋu!" data/train/1KI/1KI_005_Verse_016.mp3,Solomo hã ɖo du sia ɖe Hiram: data/train/1KI/1KI_008_Verse_026.mp3,"eye ne wotrɔ susu le anyigba si dzi woɖe aboyo wo yi, eye wotrɔ dzi me heƒo koko le aboyonyigba dzi hegblɔ be, ‘Míewɔ nu vɔ̃, míeda vo eye míewɔ nu ŋutasẽtɔe’" data/train/1KI/1KI_011_Verse_007.mp3,"Egblɔ na Yeroboam be, “Xɔ awu dzedze ewo siawo elabena, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Madze fiaɖuƒe la me le Solomo si eye matsɔ toawo dometɔ ewo na wò!" data/train/1KI/1KI_002_Verse_034.mp3,"Ke azɔ la, zi ale si Yehowa le agbe, ame si tsɔm ɖo fofonye, David ƒe fiazikpui dzi eye wòɖo fiaɖuƒe anyi nam abe ale si wòdo ŋugbe ene la, woawu Adoniya egbea!”" data/train/1KI/1KI_015_Verse_030.mp3,"Togbɔ be megbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi o hã la, eƒe dzi nɔ Yehowa ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me." data/train/1KI/1KI_017_Verse_023.mp3,“Yi Sidon ƒe Zarefat enumake eye nànɔ afi ma. Megblɔ na ahosi aɖe le afi ma be wòana nuɖuɖu wò.” data/train/1KI/1KI_001_Verse_015.mp3,"Esia ta eƒe dɔlawo gblɔ nɛ be, “Na míadi ɖetugbi si menya ŋutsu o la ne wòanɔ fia la gbɔ anɔ edzi kpɔm. Ate ŋu amlɔ egbɔ ale be wòade dzo lãme na míaƒe aƒetɔ, fia la.”" data/train/1KI/1KI_008_Verse_034.mp3,"Ke, menye wòe nye ame si atu gbedoxɔ la o, ke viwò, ame si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu; eyae nye ame si atu gbedoxɔ la na nye ŋkɔ.’" data/train/1KI/1KI_001_Verse_018.mp3,"Eɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, wò ŋutɔe ka atam na nye, wò dɔla, le Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ me be, ‘Viwò Solomo aɖu fia ɖe yonyeme eye wòanɔ nye fiazikpui dzi.’" data/train/1KI/1KI_006_Verse_018.mp3,"Ke hena mɔnu si ge ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me la, etsɔ amiti sesẽ ƒe ʋuƒo kpa ʋɔtru si ŋena ɖe akpa eve la tsɔ xe mɔnu si ʋɔtruti atɔ̃ li na" data/train/1KI/1KI_015_Verse_014.mp3,"Esi Abiyam ku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Asa ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/1KI/1KI_015_Verse_001.mp3,"Ale Asa tsɔ klosalo kple sika siwo katã susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe kple nu xɔasi siwo katã nɔ fiasã la me la na eŋumewo. Ena be woatsɔ wo aɖana Siria fia Ben Hadad, si nye Hezion vi Tabrimon ƒe vi le Damasko eye woagblɔ nɛ bena," data/train/1KI/1KI_022_Verse_036.mp3,"Mikaya ɖo eŋu be, “Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia sia ne èkpɔ be yebe ɖe xɔ emetɔ aɖe me.”" data/train/1KI/1KI_011_Verse_017.mp3,"Hadad nye ɖevi sue aɖe ɣe ma ɣi. Fiaŋumewo kple Hadad si to Midian, yi Paran, afi si Edomtɔwo va kpe wo le eye woyi Egipte." data/train/1KI/1KI_022_Verse_052.mp3,"Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’ “Amewo do susu vovovowo ɖa." data/train/1KI/1KI_018_Verse_021.mp3,"Esi wòkpɔ Eliya la, ebiae be, “Wòe nye ema? Wò ame si le fu ɖem na Israel mahã?”" data/train/1KI/1KI_018_Verse_042.mp3,"Tete Eliya ɖe gbe na wo be, “Milé Baal ƒe nyagblɔɖilawo. Migana wo dometɔ aɖeke nasi adzo o!” Ale wolé wo eye Eliya na wokplɔ wo ɖi agae yi ɖe Kison balime eye wòwu wo le afi ma." data/train/1KI/1KI_020_Verse_001.mp3,"Ahab yɔ eƒe aɖaŋudelawo eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nu si wɔm ŋutsu sia le la ɖa! Ele ge dim togbɔ be mena wònya be ate ŋu axɔ srɔ̃nyewo, vinyewo, nye klosalo kple sika abe ale si wòdi ene gɔ̃ hã.”" data/train/1KI/1KI_017_Verse_004.mp3,Ale Eliya wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ eye wònɔ tɔʋu la to. data/train/1KI/1KI_008_Verse_019.mp3,"elabena wò amewoe wonye, wò domenyinu si nèɖe tso Egiptetɔwo ƒe kpodzo mee wonye." data/train/1KI/1KI_013_Verse_021.mp3,"Eɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe yɔdo me eye wòfae vevie be, “Ao, nɔvinye!”" data/train/1KI/1KI_015_Verse_020.mp3,"Eɖu fia ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Mamae nye Maaka, Abisalom ƒe vinyɔnu." data/train/1KI/1KI_011_Verse_020.mp3,"Ke le fofowò, Fia David ta la, nyemawɔ nu sia le wò agbenɔɣi o. Maxɔe le viwò si." data/train/1KI/1KI_001_Verse_038.mp3,"Ne menye nenema o la, ne wotsɔ nye aƒetɔ, fia la mlɔ anyi be wòadzudzɔ le fofoawo gbɔ teti ko la, woawɔ fu nye kple vinye Solomo abe hlɔ̃dolawoe míenye ene.”" data/train/1KI/1KI_022_Verse_017.mp3,"Fia Ahab bia Fia Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋua?” Yuda fia Yehosafat ɖo eŋu be, “Mele abe wò ene eye nye dukɔ le abe wò dukɔ ene eye nye sɔwo le abe wò sɔwo ene.”" data/train/1KI/1KI_017_Verse_024.mp3,"“Yi ɣedzeƒe eye nàbe ɖe Kerit tɔʋu la to, le afi si tɔʋu sia de nu Yɔdan tɔsisi la me le la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo." data/train/1KI/1KI_010_Verse_009.mp3,"Eye Seba fianyɔnu la tsɔ sika tɔn ene, atikeʋeʋĩ gbogbo aɖewo kple kpe xɔasiwo na fia la. Ame aɖeke metsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ kpɔ nenema abe esiwo Seba fianyɔnu la tsɔ na Fia Solomo ene o." data/train/1KI/1KI_010_Verse_023.mp3,"Wò amewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, dzidzɔ ka gbegbe wò dɔnunɔla siwo tsia tsitre ɖe wò ŋkume ɣe sia ɣi eye wosea wò nunya la makpɔ o!" data/train/1KI/1KI_003_Verse_004.mp3,Efɔ zã ma me dzaa va tsɔ vinye le gbɔnye esi menɔ alɔ̃ dɔm. Etsɔ via kukua de nye abɔwo dome eye wòtsɔ tɔnye yi ɖamlɔ eɖokui gbɔ. data/train/1KI/1KI_006_Verse_005.mp3,"Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu le xɔawo me, tso anyigba ɖatɔ gbedoxɔ la ƒe dzisasã la eye wòɖo sesewuʋuƒowo ɖe gbedoxɔ la ƒe anyigba le xɔawo katã me." data/train/1KI/1KI_013_Verse_022.mp3,"Fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Kplɔm ɖo míayi nye aƒe me ne nàdi nane aɖu eye mana nunana wò.”" data/train/1KI/1KI_001_Verse_028.mp3,"Ke ame siwo ganɔ Fia David yome eye womede Adoniya dzi o la dometɔ aɖewoe nye, Zadok kple Benaya, ame siwo nye nunɔlawo, Nyagblɔɖila Natan, Simei, Rei kple David ƒe aʋafiawo." data/train/1KI/1KI_002_Verse_031.mp3,"Gbe si gbe nàtso Kidron bali la la, nànya nyuie be yeaku eye yeƒe ʋu anɔ ye ŋutɔ ƒe ta dzi.”" data/train/1KI/1KI_007_Verse_022.mp3,nunɔdzi ewo kple ze ewo siwo nɔ nunɔdziawo dzi; data/train/1KI/1KI_016_Verse_024.mp3,"“Meɖe wò tso ke me be, nàɖu fia ɖe nye dukɔ Israel dzi. Ke èto Yeroboam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe mɔwo dzi. Èna nye dukɔ, Israel wɔ nu vɔ̃ eye wodo dziku nam kple woƒe nu vɔ̃wo," data/train/1KI/1KI_022_Verse_039.mp3,"Nu bubu hãe nye ewɔ ŋutifafa kple Ahab, Israel fia." data/train/1KI/1KI_022_Verse_020.mp3,"Fia Yehosafat tu tɔdziʋu gãwo be woayi Ofir atsɔ sika agbɔe, ke womete ŋu trɔ gbɔ o, elabena wogbã le Ezion Geber." data/train/1KI/1KI_003_Verse_002.mp3,"Azɔ la, wò dɔla le afii, le wò ame tiatiawo dome, dukɔ si lolo eye ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu axlẽ wo o." data/train/1KI/1KI_018_Verse_020.mp3,"Esi ameawo katã kpɔ esia la, wotsyɔ mo anyi hedo ɣli be, “Yehowae nye Mawu! Yehowae nye Mawu vavã!”" data/train/1KI/1KI_011_Verse_033.mp3,Solomo tu nuxeƒewo na srɔ̃a dzronyɔnuwo be woado dzudzɔ eye woasa vɔwo na woƒe mawuwo le teƒe mawo. data/train/1KI/1KI_001_Verse_024.mp3,"Gawu la, Solomo nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi." data/train/1KI/1KI_006_Verse_008.mp3,"Esi wowu gbedoxɔa nu la, Solomo tsɔ sedati fa ɖe gliawo kple daɖedziawo kple sɔtiawo ŋu." data/train/1KI/1KI_013_Verse_004.mp3,"Edo ɣli ɖe vɔsamlekpui la ŋu le Yehowa ƒe nya nu be, “Oo, vɔsamlekpui, vɔsamlekpui, ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woadzi viŋutsuvi aɖe si woayɔ be Yosia la na David ƒe aƒe. Dziwòe nunɔla siwo saa vɔ le nuxeƒewo eye wole vɔ sam fifia le afi sia la asa vɔ ɖo eye woatɔ dzo ameƒuwo hã ɖe dziwò.’ ”" data/train/1KI/1KI_021_Verse_012.mp3,"Esi Yezebel se be Nabɔt ku la, egblɔ na Ahab be, “Waingble si Nabɔt gbe be yemadzra na wò o la, fifia àte ŋu axɔe azɔ; Nabɔt ku!”" data/train/1KI/1KI_017_Verse_000.mp3,"Ahosi la gblɔ nɛ be, “Azɔ la, menya be Mawu ƒe amee nènye eye Yehowa ƒe nya si do tso wò nu me la nye nyateƒe.”" data/train/1KI/1KI_007_Verse_009.mp3,"Eɖe fesreawo ɖe kɔkɔƒe; fesre etɔ̃ nɔ axa ɖeka, etɔ̃ hã nɔ axa bubu eye wodze ŋgɔ wo nɔewo." data/train/1KI/1KI_010_Verse_000.mp3,Ale Fia Solomo de ŋgɔ wu anyigbadzifiawo katã le kesinɔnuwo kple nunya me. data/train/1KI/1KI_008_Verse_016.mp3,"ekema se woƒe kokoƒoƒo tso dziƒo eye nàtsɔ wò subɔlawo, wò dukɔ, Israel ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Fia agbenɔnɔ ƒe mɔ nyuitɔ wo eye nàna tsi nadza ɖe anyigba si nèna wo abe woƒe domenyinu ene la dzi." data/train/1KI/1KI_004_Verse_011.mp3,Ben Hesed dzɔa nu le Arubɔt kple Soko kple Hefernyigba blibo la dzi; data/train/1KI/1KI_020_Verse_034.mp3,"Nyagblɔɖila aɖe va kpɔ Israel fia Ahab eye wògblɔ nɛ be ale Yehowa gblɔe nye esi, “Èkpɔ futɔ la ƒe aʋakɔ siawoa? Matsɔ wo katã ade asi na wò egbe, ekema ànya mlɔeba be, nyee nye Yehowa!”" data/train/1KI/1KI_015_Verse_018.mp3,Ewu ŋutsu siwo nye gbolowɔlawo katã eye wòɖe legba siwo katã fofoa wɔ la ɖa. data/train/1KI/1KI_007_Verse_003.mp3,"Emegbe la, Etsɔ gayibɔ wɔ gazɔ si le nogoo, eƒe ta ƒe kekeme anɔ mita eve kple afã kpe ɖo, gazɔ la ƒe kɔkɔme anɔ mita ɖeka kple afã. Ne wodzidze zɔ la ƒe kekeme blibo la, anɔ mita wuietɔ̃ kple afã." data/train/1KI/1KI_022_Verse_022.mp3,"Israel fia gblɔ na Yehosafat be, “Mado awu bubuwo ale be ame aɖeke makpɔm adze sii o; ke wò ya la, do wò fiawu!” Ale wowɔ ɖe Israel fia ƒe ɖoɖo sia dzi." data/train/1KI/1KI_015_Verse_007.mp3,Aʋawɔwɔ nɔ Israel kple Yuda dome enuenu le Abiyam ƒe fiaɖuɣi. data/train/1KI/1KI_007_Verse_040.mp3,Wowɔ wo kple akɔbli gbadza siwo woda ɖe akɔblitiwo dzi. data/train/1KI/1KI_006_Verse_006.mp3,"Efa sika nyuitɔ ɖe gbedoxɔ la me, etsi sikakɔsɔkɔsɔ ɖe xɔ emetɔ ƒe ŋgɔgbe, afi si ŋu wòfa sika ɖo." data/train/1KI/1KI_014_Verse_017.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, Rehoboam, Solomo ƒe vi nye fia le Yuda. Exɔ ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du si Yehowa tia le Israel duwo katã dome be yeanɔ eme la me. Rehoboam dadae nye Naama, Amoni nyɔnu aɖe." data/train/1KI/1KI_008_Verse_017.mp3,"elabena amewo ase nu tso wò ŋkɔ gã la, wò asi sesẽ la kple wò alɔ si nèdo ɖe dzi la ta, ne amedzro sia va eye wòdo gbe ɖa le gbedoxɔ sia gbɔ la," data/train/1KI/1KI_006_Verse_027.mp3,"Wokpa kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe ʋɔtruawo ŋu eye wòfa sika ɖe wo ŋu." data/train/1KI/1KI_020_Verse_038.mp3,"Nyagblɔɖila la tso mɔ na fia la. Etsɔ avɔ kakɛ bla eƒe ŋkuwo dzi, ale be womagadze si ye o." data/train/1KI/1KI_008_Verse_042.mp3,Mewɔ teƒe aɖe ɖe gbedoxɔ la me na nubablaɖaka la si me nubabla si Yehowa wɔ kple mía fofowo esime wòkplɔ wo tso Egiptenyigba dzi la le.” data/train/1KI/1KI_012_Verse_019.mp3,"“Gblɔ na Rehoboam, Yuda fia Solomo ƒe vi kple Yuda kple Benyamin kple ame bubuawo katã be," data/train/1KI/1KI_006_Verse_011.mp3,Ewɔ fesre suesue siwo ƒe nugbɔ lɔ ɖe gotagome la ɖe gbedoxɔ la ŋu. data/train/1KI/1KI_011_Verse_022.mp3,"Ke magble Yuda kple Benyamin ɖi nɛ le nye dɔla, David kple Yerusalem, si nye du si metia le Israel duwo katã dome la ta" data/train/1KI/1KI_002_Verse_037.mp3,"Le nyateƒe me la, meva be maɖe kuku na wò, nàve nunye le mɔ tɔxɛ aɖe nu.” Batseba biae be, “Nu kae?”" data/train/1KI/1KI_004_Verse_010.mp3,"Ben Geber dzɔa nu le Ramot Gilead kple Yair, Manase ƒe vi ƒe kɔƒe, le Gilead kple Argob nutowo me le Basan kple du blaade siwo woɖo gli ƒo xlãe eye wode akɔbligbowo wo nu la me." data/train/1KI/1KI_007_Verse_015.mp3,Hiram da sɔti eve siawo ɖe gbedoxɔ la ƒe mɔnu. Esi le dziehe gome la ŋkɔe nye Yakin eye esi le anyiehe gome ŋkɔe nye Boaz. data/train/1KI/1KI_015_Verse_031.mp3,Woŋlɔ Abiyam ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. data/train/1KI/1KI_003_Verse_006.mp3,"Esi ŋu be yeake eye mebe mana no vidzĩa la, mekpɔ be eku! Melé ŋku ɖe eŋu nyuie eye medze sii be menye vinyee o.”" data/train/1KI/1KI_011_Verse_040.mp3,"vevietɔ le eƒe tsitsime. Wodo ŋusẽe be wòasubɔ woƒe mawuwo le esime wòasubɔ Yehowa, eƒe Mawu le nyateƒe me kple dzi blibo abe ale si fofoa, Fia David wɔ ene la teƒe." data/train/1KI/1KI_008_Verse_059.mp3,“Tsɔ wò amewo ƒe nu vɔ̃wo katã ke wo eye nàna ame siwo ɖe aboyo wo la nakpɔ nublanui na wo data/train/1KI/1KI_001_Verse_003.mp3,Ale Batseba yi fia la ƒe xɔ gã me. Fia la tsi ŋutɔ azɔ eye Abisag nɔ esubɔm. data/train/1KI/1KI_003_Verse_020.mp3,"Nyɔnu evelia hã gblɔ be, “Etɔ tututue nye vidzĩ kuku la eye tɔnyee nye esi le agbe.” Nyɔnu gbãtɔ be, “Ao, vidzĩ kuku lae nye tɔwò eye agbagbeae nye tɔnye.” Ale wohe nya sia le fia la ŋkume." data/train/1KI/1KI_014_Verse_009.mp3,"Israel blibo la afae eye woaɖii, gake eya koe nye miaƒe ƒometɔ si aku le ŋutifafa me," data/train/1KI/1KI_007_Verse_049.mp3,"zewo, sofiwo kple trewo. Nu siawo katã Huram wɔ na Fia Solomo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple akɔbli si ŋu wozrɔ̃." data/train/1KI/1KI_009_Verse_022.mp3,"“Ne àzɔ le ŋkunye me, aɖi anukware kple dzimekɔkɔ kpakple dzɔdzɔenyenye abe fofowò David ene, eye nàwɔ nye seawo dzi, alé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la," data/train/1KI/1KI_016_Verse_032.mp3,"Yuda fia, Asa ɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ̃-ɖekɛ esime Omri de asi fiaɖuɖu me le Israel. Omri ɖu fia ƒe ade le Tirza." data/train/1KI/1KI_001_Verse_011.mp3,"Egbe la, etsɔ nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo sa vɔe eye wòkpe fia la ƒe viŋutsuwo katã. Ekpe Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata hã, wole nu ɖum eye wole nu nom kplii fifi laa. Wole ɣli dom be, ‘Fia Adoniya nanɔ agbe tegbee!’" data/train/1KI/1KI_001_Verse_053.mp3,"Ɖe esia nye nane si nye aƒetɔ, fia la wɔ, ke mena eƒe dɔlawo nya ame si anɔ nye aƒetɔ ƒe fiazikpui dzi aɖu fia ɖe eteƒe oa?”" data/train/1KI/1KI_019_Verse_008.mp3,Eliya mlɔ ati la te eye wòdɔ alɔ̃. Ke mawudɔla aɖe va nyɔe le alɔ̃ me eye wògblɔ nɛ be wòafɔ aɖu nu! data/train/1KI/1KI_007_Verse_007.mp3,"Ewɔ seƒoƒowo ɖe fli eve me, woƒo xlã gaɖɔ ɖe sia ɖe be woaɖo atsyɔ̃ na tameɖonuawo dometɔ ɖe sia ɖe." data/train/1KI/1KI_015_Verse_029.mp3,"Togbɔ be Abiyam wɔ nu vɔ̃ hã la, le Fia David ta la, Yehowa mena David ƒe dzidzimeviwo ƒe fiaɖuɖu nu tso o" data/train/1KI/1KI_015_Verse_019.mp3,"Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, eto Yeroboam ƒe afɔtoƒe eye wòwɔ nu vɔ̃ siwo Yeroboam na Israel wɔ le eƒe fiaɖuɣi." data/train/1KI/1KI_009_Verse_013.mp3,"Fia Solomo ɖe Farao ƒe vinyɔnu tso David ƒe du ƒe afi si nye Yerusalem ƒe akpa xoxotɔ la me yi xɔ yeye si wòtu nɛ le fiasã me la me. Emegbe la, etu Milo mɔ la hã." data/train/1KI/1KI_002_Verse_014.mp3,Ekema nu ka ta mèwɔ míaƒe ɖoɖo kple nye se la dzi o?” data/train/1KI/1KI_013_Verse_011.mp3,Ena viawo bla akpa na eƒe tedzi. data/train/1KI/1KI_008_Verse_060.mp3,"“Woakafu Yehowa, ame si wɔ eƒe ŋugbedodowo katã dzi eye wòna ŋutifafa eƒe dukɔ, Israel. Nya ɖeka pɛ gɔ̃ hã megbe emevava le ŋugbe siwo wòdo to Mose dzi la me o." data/train/1KI/1KI_020_Verse_009.mp3,"Ameawo ɖo eŋu kaba be, “Ɛ̃, nɔviwò, Fia Ben Hadad, gale agbe!” Israel Fia gblɔ na wo be, “Miyi ɖakplɔe vɛ.” Esi Ben Hadad va ɖo la, Ahab na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me!" data/train/1KI/1KI_007_Verse_004.mp3,"Esi wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la nu mlɔeba la, Fia Solomo tsɔ klosalo kple sika kple nu siwo katã ŋu fofoa, Fia David, kɔ hena gbedoxɔ la, da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe la me." data/train/1KI/1KI_006_Verse_037.mp3,"Xɔ sia me didi mita asiekɛ, keke mita asiekɛ eye wòkɔ mita asiekɛ. Etsɔ sika nyuitɔ fa ɖe gliawo kple dzisasã la ŋu. Solomo tsɔ sedati wɔ vɔsamlekpui da ɖe xɔ sia me," data/train/1KI/1KI_007_Verse_033.mp3,Wotsyɔ nu zɔawo nu. Nutsyɔnuawo do ɖe dzi sentimita blaene-vɔ-atɔ̃ eye wogabi do ɖe anyigba le eme. data/train/1KI/1KI_002_Verse_036.mp3,"Le esia megbe la, fia la gblɔ na nunɔla Abiata be, “Yi wò aƒe me le Anatɔt; ele be woawu wò hã gake nyemawu wò fifia o elabena wòe tsɔ Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka la le fofonye ƒe fiaɖuɣi eye nèkpe fu sia fu kplii to eƒe xaxaɣiwo katã me.”" data/train/1KI/1KI_002_Verse_020.mp3,"Eyɔe hebiae be, “Ɖe nyemeɖo na wò be nànɔ Yerusalem alo nàku oa? Wò ŋutɔ mèɖo eŋu gblɔ be, ‘Mesee; mawɔ nu sia nu si nènya gblɔ ko’ oa?" data/train/1KI/1KI_015_Verse_011.mp3,"Ben Hadad lɔ̃ ɖe Fia Asa ƒe nya la dzi heƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ƒe duwo ŋu. Egbã Iyɔn, Dan, Abel Bet Maka kple Kineret blibo la hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu." data/train/1KI/1KI_012_Verse_021.mp3,"Ke Mawu gblɔ nya siawo na Nyagblɔɖila Semaya be," data/train/1KI/1KI_002_Verse_027.mp3,Fia Solomo ɖo Benaya aʋafia gãe ɖe Yoab teƒe eye wòtsɔ Zadok ɖo nunɔla ɖe Abiata teƒe. data/train/1KI/1KI_014_Verse_029.mp3,Ŋutsu nuxeƒegbolowo hã xɔ anyigba blibo la dzi. Ame siwo nɔ Yuda la wɔ busunuwo abe trɔ̃subɔdukɔ siwo Yehowa nya le anyigba la dzi be yeƒe amewo nakpɔ teƒe anɔ la ene. data/train/1KI/1KI_002_Verse_023.mp3,"Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaene, ƒe adre le Hebron, ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ le Yerusalem." data/train/1KI/1KI_008_Verse_022.mp3,"Esi Solomo wu gbedodoɖa siawo katã na Yehowa nu la, etsi tsitre tso Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ afi si wòdze klo ɖo heke eƒe abɔwo me ɖo ɖe dziƒo." data/train/1KI/1KI_011_Verse_008.mp3,"elabena Solomo gbe nu le gbɔnye eye wòsubɔ Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu kple Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu kple Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu. Mezɔ le nye mɔ dzi o, eye mewɔ nu si nyo le nye ŋkume o. Gawu la, mewɔ nye sewo kple ɖoɖowo dzi abe fofoa, David ene o." data/train/1KI/1KI_009_Verse_016.mp3,"Gezer nye du si Egipte fia xɔ, tɔ dzoe eye wòwu Israelvi siwo katã nɔ eme. Emegbe la, etsɔ du sia na via nyɔnu si nye Fia Solomo srɔ̃wo dometɔ ɖeka la, abe srɔ̃ɖenunana ene." data/train/1KI/1KI_008_Verse_051.mp3,"“Ne wotsɔ nya ɖe ame aɖe ŋu be ewɔ nu vɔ̃ aɖe eye wòtsi tsitre ɖe afi sia, le wò vɔsamlekpui la ŋgɔ heka atam be yemewɔ nu vɔ̃ la o la," data/train/1KI/1KI_008_Verse_064.mp3,"Yehowa, míaƒe Mawu la nanɔ kpli mí abe ale si wònɔ kple mía fofowo eye megblẽ mí ɖi gbeɖegbeɖe o la ene." data/train/1KI/1KI_009_Verse_000.mp3,"Ame siwo katã susɔ tso Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo dome (ame siwo menye Israelviwo o)." data/train/1KI/1KI_011_Verse_024.mp3,"Ke nyemaxɔ fiaɖuƒe la katã le esi o; matsɔ to ɖeka nɛ le David, nye dɔla kple Yerusalem, du si metia la ta.”" data/train/1KI/1KI_018_Verse_036.mp3,Midi nyitsu eve na mí. Mina woatia ɖeka na wo ɖokui. Wonefli lã la eye woatsɔ lãkɔawo aɖo nake la dzi gake womado dzo ɖe ete o. Nye hã mafli nyitsu evelia atsɔ lãkɔawo aɖo nake la dzi eye nyemado dzo ɖe ete o. data/train/1KI/1KI_020_Verse_018.mp3,"Ben Hadad ɖe gbe na wo be, “Milé wo agbagbe ne wova na ŋutifafa loo alo aʋawɔwɔ!”" data/train/1KI/1KI_001_Verse_026.mp3,"Ke Adoniya boŋ va zu fia fifia eye wò, nye aƒetɔ, fia la, mènya naneke tso eŋu gɔ̃ hã o." data/train/1KI/1KI_014_Verse_007.mp3,"eye Yeroboam gblɔ na srɔ̃a be, “Yi, nàtrɔ ɖokuiwò ale be womanya be wòe nye Yeroboam srɔ̃ o, emegbe nàyi Silo. Nyagblɔɖila Ahiya le afi ma, ame si gblɔ nam be manye fia ɖe ame siawo dzi." data/train/1KI/1KI_006_Verse_012.mp3,Ewɔ ʋɔtru eve kple sesewuti eye wodana yia megbe le wo ɖokui si. data/train/1KI/1KI_022_Verse_004.mp3,"Ale Israel fia la gblɔ na eŋumewo dometɔ ɖeka be, “Yi kaba nàyɔ Mikaya, Imla ƒe vi la vɛ!”" data/train/1KI/1KI_010_Verse_029.mp3,Xexea me tɔwo katã vaa Solomo gbɔ hena aɖaŋuxɔxɔ eye be woaɖo to nunya si Mawu tsɔ de eƒe dzi me. data/train/1KI/1KI_022_Verse_000.mp3,"Ahab gblɔ na eŋumewo be, “Mienya be Siriatɔwo gale míaƒe du, Ramot Gilead me kokoko hafi miele afi sia, miele naneke wɔm tso eŋu oa?”" data/train/1KI/1KI_015_Verse_010.mp3,"Baasa wu Fia Yeroboam ƒe dzidzimeviwo katã enumake, ale ame aɖeke megasusɔ ɖe fiaƒome la me o, abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi be ava eme esime wòƒo nu kple Nyagblɔɖila Ahiya tso Silo la ene." data/train/1KI/1KI_004_Verse_014.mp3,"Enya nu tso nu gbagbewo abe lãwo, xewo, dawo kple tɔmelãwo ene ŋu. Eganya nu tso atiwo hã ŋu, tso Lebanon ƒe sedati gãwo dzi va se ɖe kakle siwo tsina le gli dzedzewo me la ŋuti." data/train/1KI/1KI_003_Verse_008.mp3,"eye ne èzɔ le nye mɔwo dzi, nèwɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo dzi abe ale si fofowò, David wɔ ene la, mana agbe didi wò.”" data/train/1KI/1KI_018_Verse_043.mp3,"Tete Yehowa ƒe dzo ge va fia vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigli la eye wòno tsi wòvɔ le do si woɖe ƒo xlã vɔsamlekpui la me ƒiaƒiaƒia!" data/train/1KI/1KI_017_Verse_007.mp3,"Egblɔ na Eliya be, “Oo Mawu ƒe ame, nya kae le asiwò ɖe ŋutinye? Ɖe nèva be yeaɖo ŋku nye nu vɔ̃wo dzi nam eye nàwu vinyeŋutsua?”" data/train/1KI/1KI_017_Verse_012.mp3,"Eliya kɔ ɖevi la eye wòdo go kplii tso xɔ la me yi anyigba eye wòtsɔe na dadaa gblɔ be, “Kpɔ ɖa, viwò ŋutsu la le agbe!”" data/train/1KI/1KI_010_Verse_002.mp3,Atrakpui ade nɔ fiazikpui la ŋu eye wowɔ afi si wodea mee la nogoo. Abɔɖoƒe nɔ zikpuia ƒe axa eveawo dzi eye wowɔ dzata si le tsitre la da ɖe abɔɖoƒe aveawo ƒe axadzi. data/train/1KI/1KI_008_Verse_003.mp3,"“Amedzro si metso wò dukɔ, Israel me o, ke wòtso didiƒenyigba aɖe dzi le wò ŋkɔ ta," data/train/1KI/1KI_021_Verse_011.mp3,"Esi Ahab se nya siawo la, edze eƒe awuwo heta akpanya eye wotsi nu dɔ. Enɔ akpanya me henɔ yiyim nublanuitɔe." data/train/1KI/1KI_008_Verse_043.mp3,"“Na wò ŋkuwo kple towo siaa naʋu ɖe woƒe kukuɖeɖewo ŋu. Oo, Yehowa, se woƒe gbedodoɖawo eye nàwɔ woƒe biabiawo dzi na wo ɣe sia ɣi si woado ɣli na wò" data/train/1KI/1KI_014_Verse_005.mp3,Elɔ nu sia nu le gbedoxɔ la kple fiasã la me dzoe. Etsɔ sikakpoxɔnu siwo Solomo wɔ la katã hã dzoe. data/train/1KI/1KI_011_Verse_036.mp3,"Srɔ̃ alafa adre kple ahiãvi alafa etɔ̃ nɔ esi. Ame siawo trɔ Fia Solomo ƒe dzi ɖa tso Yehowa ŋu," data/train/1KI/1KI_001_Verse_017.mp3,"eye wogblɔ be, ‘Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na be nye ŋkuwo kpɔ ame si anɔ nye fiazikpui dzi egbe.’ ”" data/train/1KI/1KI_014_Verse_023.mp3,Woŋlɔ nyadzɔdzɔ bubuwo tso Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ŋuti ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. data/train/1KI/1KI_016_Verse_020.mp3,Ke Omri nye nu vɔ̃ wɔla wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ. data/train/1KI/1KI_001_Verse_016.mp3,"Etsɔ nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo sa vɔe le eƒe fiaɖogbe eye wòkpe fia la ƒe viŋutsuwo katã, nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab, ke mekpe Solomo, wò dɔla, ya o." data/train/1KI/1KI_022_Verse_010.mp3,"Esi Mikaya va do la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míagbe aʋahoho ɖe eŋua?” Mikaya gblɔ nɛ be, “Ho aʋa ɖe eŋu enumake elabena Yehowa ana nàɖu dzi.”" data/train/1KI/1KI_009_Verse_020.mp3,"“Ke ne wò alo viwòwo miede megbe le ŋunye, eye miewɔ nye seawo kple ɖoɖo siwo mede asi na mi dzi o, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la," data/train/1KI/1KI_022_Verse_043.mp3,"Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”" data/train/1KI/1KI_005_Verse_007.mp3,"eye abe fetu ene la, Solomo ɖoa lu dzidzenu akpe alafa ɖeka blaeve vɔ atɔ̃ kple ami galɔn blasiekɛ-vɔ-ade ɖe Hiram ƒe sia ƒe." data/train/1KI/1KI_006_Verse_020.mp3,"Kerubi gbãtɔ ƒe aʋala ɖeka didi mita etɔ̃, aʋala evelia didi mita atɔ̃ eye tso woƒe aʋalawo ƒe nugbɔ yi aʋala bubu gbɔ le mita ade." data/train/1KI/1KI_016_Verse_018.mp3,"Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe Yezebel, Sidon fia Etbaal ƒe vinyɔnu eye wòde asi Baal subɔsubɔ me." data/train/1KI/1KI_021_Verse_029.mp3,"“Yi Fia Ahab gbɔ le Samaria. Anɔ Nabɔt ƒe wainbɔ me, axɔe abe etɔe ene." data/train/1KI/1KI_008_Verse_048.mp3,"“Ne èna wò amewo ho aʋa ɖe woƒe futɔwo ŋu eye wotrɔ mo ɖo ɖe Yerusalem, wò du tiatia la kple gbedoxɔ sia, si metu na wò ŋkɔ la," data/train/1KI/1KI_008_Verse_053.mp3,"Nunɔlaawo magate ŋu awɔ woƒe dɔ o, le lilikpo la ta elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me." data/train/1KI/1KI_009_Verse_009.mp3,Fia Hiram ɖo sika si ƒe kpekpeme nye kilogram akpe ene alafa etɔ̃ la ɖe fia la. data/train/1KI/1KI_014_Verse_008.mp3,"gblɔ nya siawo tso Yehowa, Israel ƒe Mawu la gbɔ na srɔ̃wò be, ‘Metia wò tso ame maɖinuwo dome eye meɖo wò fiae ɖe Israel dzi." data/train/1KI/1KI_003_Verse_018.mp3,mawɔ nu si nèbia la na wò. Mana dzi nyanu kple dzi si sea nu gɔme la wò ale be tɔwò tɔgbi aɖeke manɔ anyi fifia loo alo akpɔ gbeɖe o. data/train/1KI/1KI_001_Verse_021.mp3,"Fia la ɖoe ɖa kple nunɔla Zadok, Nyagblɔɖila Natan, Benaya, Yehoiada ƒe vi, Keretitɔwo kple Peletitɔwo eye wodae ɖe fia ƒe tedzisɔ dzi." data/train/1KI/1KI_004_Verse_032.mp3,"Tasiaɖamŋusɔ akpe ene (4,000), siwo wowɔ nɔƒe na, kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Fia Solomo si." data/train/1KI/1KI_018_Verse_010.mp3,"Azɔ la, yɔ Israel katã, Baal ƒe nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ kple aƒeli ƒe nyagblɔɖila alafa ene siwo ɖua nu le Yezebel ƒe kplɔ̃ ŋu ƒo ƒu ɖe gbɔnye le Karmel to dzi.”" data/train/1KI/1KI_018_Verse_023.mp3,"Esime fiẽvɔsaɣi ɖo la, Eliya te ɖe vɔsamlekpui la ŋu eye wòdo gbe ɖa be, “Oo, Yehowa, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu, ɖee fia egbe be wòe nye Mawu le Israel eye mewɔ esiawo katã le wò nya nu." data/train/1KI/1KI_013_Verse_014.mp3,"Esi Mawu ƒe ame la ɖu nu, no nu vɔ la, nyagblɔɖila tsitsi la, ame si na wòtrɔ gbɔ la, bla akpa na eƒe tedzi nɛ." data/train/1KI/1KI_003_Verse_011.mp3,"Fia Solomo lɔ̃ Yehowa eye wòzɔ ɖe fofoa, Fia David ƒe ɖoɖowo katã nu negbe ale si wòyi vɔwo sasa kple dzudzɔdodo dzi le toawo dzi ko." data/train/1KI/1KI_012_Verse_015.mp3,"Fia Rehoboam dɔ Adoram, ame si kpɔa dzizizidɔwo ƒe nyawo gbɔ la ɖe Israel gake Israel katã ƒu kpee wòku. Ke hã la, Fia Rehoboam dze agbagba ge ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòsi yi Yerusalem." data/train/1KI/1KI_014_Verse_003.mp3,Aʋa dzɔna ɖe Rehoboam kple Yeroboam dome enuenu. data/train/1KI/1KI_002_Verse_004.mp3,Ale Fia Solomo ɖo Benaya ɖa be wòayi aɖawu Adoniya eye wòyi ɖawui kple yi. data/train/1KI/1KI_001_Verse_044.mp3,Vɔvɔ̃ ɖo Adoniya ƒe ame kpekpewo katã eye wokaka gbẽe. data/train/1KI/1KI_018_Verse_022.mp3,"Esi ɣe ɖo to la, Eliya nɔ alɔme ɖem le wo ŋu be, “Mido ɣli sesĩe! Nyateƒemawue wònye! Ɖewohĩ ele ŋugble dem vevie alo eƒe ŋku biã ɖe dɔ aɖe ŋu alo ezɔ mɔ. Ɖewohĩ ele alɔ̃ dɔm eye wòhiã be woanyɔe.”" data/train/1KI/1KI_009_Verse_023.mp3,"Solomo gbugbɔ Gezer kple Bet Horon anyigbetɔ," data/train/1KI/1KI_008_Verse_032.mp3,"Gbe ma gbe ke la, fia la kɔ xɔxɔnu emetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋgɔ la ŋuti eye le afi ma wòsa numevɔ, nuɖuvɔ kple akpedavɔ ƒe amiwo le elabena akɔblivɔsamlekpui si le Yehowa ŋkume la le sue akpa na numevɔ, nuɖuvɔ kple akpedavɔsawo ƒe ami." data/train/1KI/1KI_009_Verse_008.mp3,"Eye ŋuɖoɖo la anye, ‘Elabena woɖe asi le Yehowa, woƒe Mawu, si kplɔ wo fofowo tso Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ mawu bubuwo ɖe eteƒe. Nu sia tae Yehowa he dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzi ɖo.’ ”" data/train/1KI/1KI_015_Verse_002.mp3,"Ale Baasa zu Israel fia ɖe Nadab teƒe le Tirza; le Yuda fia, Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me." data/train/1KI/1KI_010_Verse_003.mp3,Dzata wuieve le atrakpui adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Fiazikpui aɖeke meganyo abe esia ene le fiaɖuƒe aɖeke me o. data/train/1KI/1KI_007_Verse_035.mp3,"Wotsɔ kpe siwo woɖo atsyɔ̃ na la ɖo gli kpui aɖe ƒo xlã xɔxɔnu gãtɔ la eye le gli kpui la tame la, wotsɔ sedati si ŋuti woƒlɔ wòzrɔ̃ nyuie la ɖo ɖe etame abe ale si wowɔe le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu emetɔ kple eƒe akpata me la ene." data/train/1KI/1KI_015_Verse_022.mp3,Fia Asa ɖe gbeƒã le Yudanyigba blibo la dzi be ŋutsu lãmesesẽtɔ ɖe sia ɖe nava na kpekpeɖeŋu yewoagbã Rama eye yewoalɔ xɔtukpewo kple xɔtutiwo katã adzoe. Fia Asa wɔ xɔtunu siawo ŋu dɔ tsɔ tu Geba du le Benyamin kple Mizpa du la. data/train/1KI/1KI_018_Verse_046.mp3,"Yehowa ƒe ŋusẽ va Eliya dzi ale be, esi wòbla eƒe ali dzi nyuie la, ete ŋu ƒu du nɔ ŋgɔ na Ahab ƒe tasiaɖam va se ɖe Yezreel ƒe agbo nu." data/train/1KI/1KI_001_Verse_005.mp3,"Ale Nunɔla Zadok, Nyagblɔɖila Natan, Benaya kple David ŋu dzɔlawo kplɔ Solomo yi Gihon eye Solomo do Fia David ƒe tedzisɔ." data/train/1KI/1KI_011_Verse_026.mp3,Matsɔ wò aɖo Israel ƒe fiazikpui dzi eye mana nàkpɔ ŋusẽ blibo. data/train/1KI/1KI_008_Verse_037.mp3,"Ke, ɖo to wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple eƒe kokoƒoƒo na nublanuikpɔkpɔ, O Yehowa, nye Mawu. Se wò dɔla ƒe ɣlidodo kple gbe si wò dɔla le dodom ɖa na wò egbe." data/train/1KI/1KI_012_Verse_018.mp3,"“Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ kple kɔkuti kpekpe si wòda ɖe mía dzi la dzi na mí ekema míasubɔ wò.”" data/train/1KI/1KI_016_Verse_025.mp3,"Nyagblɔɖila Yehu gblɔ nya si tso Yehowa gbɔ, tso Baasa kple eƒe ƒometɔwo ŋu le nu vɔ̃ siwo Baasa wɔ ɖe Yehowa ŋu ta. Edo dɔmedzoe na Yehowa, menye le eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ɖeɖe ko ta, abe ale si Yeroboam wɔ le eŋgɔ ene o, ke boŋ le ale si wòwu Yeroboam ƒe ƒometɔwo katã hã ta." data/train/1KI/1KI_005_Verse_000.mp3,Ale Hiram tsɔ sedati kple sesewuti ƒe agbɔsɔsɔ si Solomo ahiã la nɛ data/train/1KI/1KI_017_Verse_005.mp3,"Ale wòyi ɖe Zarefat. Esi wòva ɖo Zarefat ƒe agbo nu la, ahosi aɖe nɔ afi ma, nɔ nake fɔm. Eyɔe eye wòbiae be, “Àku tsi vi aɖe ɖe kplu me vɛ nam manoa?”" data/train/1KI/1KI_009_Verse_002.mp3,"Ebia Fia Solomo be, “Nɔvinye, du ka ƒomeviwoe nye esiawo nènam? Etsɔ ŋkɔ na duawo be ‘Kabul’ si gɔmee nye, ‘Menyo na naneke o.’ ”" data/train/1KI/1KI_002_Verse_012.mp3,"Dadaa gblɔ nɛ be, “Ɖe mɔ nɔviwò, Adoniya naɖe Abisag.”" data/train/1KI/1KI_015_Verse_009.mp3,"Baasa, Israel fia ho aʋa ɖe Yuda ŋu. Eɖo gli sesẽ ƒo xlã Rama, ale be ame aɖeke mate ŋu age ɖe Yuda fia Asa ƒe nuto me alo ado tso eme o." data/train/1KI/1KI_002_Verse_030.mp3,gake wòakɔ eƒe yayra gã ɖe Solomo dzi ale be David ƒe fiazikpui la ali ke le Yehowa ƒe ŋkume tegbee.” data/train/1KI/1KI_006_Verse_034.mp3,Woɖo gbedoxɔ la gɔme anyi le dzinu evelia me le Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me. data/train/1KI/1KI_002_Verse_022.mp3,"“Èɖo ŋku Simei, ame si nye Gera, Benyamintɔ tso Bahurim ƒe vi dzia? Eƒo fi dem vevie esime meyina Mahanaim. Ke esi wòva kpem le Yɔdan tɔsisi la nu la, medo ŋugbe nɛ le Yehowa ŋkɔ me be nyemawui o." data/train/1KI/1KI_010_Verse_015.mp3,hekpe ɖe adzɔ siwo wòxɔna tso adzɔdolawo kple asitsalawo kple Arabia fiawo katã kple mɔmefia siwo le anyigba la dzi ɖum la gbɔ ŋu. data/train/1KI/1KI_011_Verse_006.mp3,"Ale Yehowa na Hadad, Edomtɔ la de asi ŋusẽkpɔkpɔ me. Solomo de asi vɔvɔ̃ me elabena Hadad tso fiaƒome me le Edom." data/train/1KI/1KI_007_Verse_042.mp3,"Woyɔa fiasã la ƒe xɔ ɖeka be, “Lebanon ƒe Avexɔ.” Elolo ŋutɔ, edidi mita blaene-vɔ-ade, keke mita blaeve-vɔ-etɔ̃ eye wòkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Sedati ƒe daɖedzi gãwo nɔ sedati ƒe sɔti siwo wotu ɖe agbaka ene me la dzi." data/train/1KI/1KI_002_Verse_024.mp3,"Fia la gblɔ be, “Wɔ eƒe didi dzi, wui le vɔsamlekpui la gbɔ eye nàɖii. Esia aɖe amewo wuwu dzodzro ƒe fɔɖiɖi ɖa le nye kple fofonye ƒe ƒome la dzi." data/train/1KI/1KI_009_Verse_017.mp3,Hiram ɖo eƒe ame siwo nye ƒudzidɔwɔlawo eye wonya nu tso atsiaƒu ŋu nyuie la ɖa be woawɔ dɔ kple Solomo ƒe amewo le tɔdziʋuawo me. data/train/1KI/1KI_018_Verse_013.mp3,"Ekema miayɔ miaƒe mawu la ƒe ŋkɔ eye nye hã mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ eye mawu si aɖo dzo ɖa la, eyae nye Mawu.” Tete ameawo katã do ɣli be, “Nya si nègblɔ la nyo.”" data/train/1KI/1KI_001_Verse_019.mp3,"Fia David ɖe gbe be, “Miyɔ Zadok, nunɔla la kple Natan, nyagblɔɖila la kple Benaya, Yehoiada ƒe vi, ɖa!” Esi wova la," data/train/1KI/1KI_018_Verse_039.mp3,"Nyemenya afi si Yehowa ƒe Gbɔgbɔ akplɔ wò ayii ne medzo le gbɔwò o. Ke ne meɖagblɔe na Ahab eye meva kpɔ wò o la, awum. Ke hã la, nye, wò dɔla, mesubɔ Yehowa tso nye ɖekakpuime ke." data/train/1KI/1KI_001_Verse_041.mp3,"Nyagblɔɖila Natan yi Batseba, Solomo dada gbɔ eye wòbiae be, “Ènya be Hagit ƒe vi, Adoniya, zu fia azɔ eye míaƒe aƒetɔ David menya naneke tso eŋu oa?" data/train/1KI/1KI_007_Verse_039.mp3,"Wowɔ tameɖonu na sɔti siwo le akpata la me la ɖe dzogbenya ƒe nɔnɔme me, ɖe sia ɖe kɔ mita eve." data/train/1KI/1KI_008_Verse_041.mp3,"Metu gbedoxɔ nyui aɖe na wò, si me nànɔ tegbee.”" data/train/1KI/1KI_002_Verse_013.mp3,"edo tedzi yi Gat le Akis gbɔ be yeadi yeƒe kluviwo. Esi wòkpɔ eƒe kluviawo la, ekplɔ wo va Yerusalem." data/train/1KI/1KI_022_Verse_045.mp3,Woŋlɔ Yehosafat ƒe nuwɔnawo kple eƒe dziɖuɖuwo le aʋawo me ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. data/train/1KI/1KI_001_Verse_050.mp3,"Yoab mekpɔ ɖe nu le nya siawo me hafi Yonatan, nunɔla Abiata ƒe vi, ƒu du va do ɖe wo dzi o. Adoniya gblɔ nɛ be, “Ge ɖe eme elabena ame nyuie nènye. Nya nyui aɖe anya nɔ asiwò kokoko.”" data/train/1KI/1KI_002_Verse_025.mp3,"Fia la ɖo du ɖe Simei eye wògblɔ nɛ be, “Tu xɔ na ɖokuiwò ɖe Yerusalem eye nànɔ afi ma; mègayi teƒe bubu aɖeke o." data/train/1KI/1KI_010_Verse_021.mp3,Solomo tsɔ papawutiawo wɔ sɔtiwo na gbedoxɔ la kple fiasã la kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo na eƒe hadzilawo. Wometsɔ ati nyui sia tɔgbi vɛ nɛ kpɔ do ŋgɔ loo alo kplɔ esia ɖo kpɔ o. data/train/1KI/1KI_011_Verse_004.mp3,"Ale Solomo wɔ nu vɔ̃ eye medze Yehowa yome abe fofoa, Fia David ene o." data/train/1KI/1KI_014_Verse_002.mp3,Ale srɔ̃a yi Ahiya ƒe aƒe me le Silo. Ahiya zu ametsitsi aɖe azɔ eye megatea ŋu kpɔa nu o. data/train/1KI/1KI_012_Verse_032.mp3,"Yeroboam bu be, “Ne nyemekpɔ nyuie o la, ameawo adi David ƒe dzidzimeviwo dometɔ aɖe abe woƒe fia ene." data/train/1KI/1KI_007_Verse_008.mp3,Ewɔ tameɖonu eve kple akɔbli be woatsɔ aɖo sɔtiawo dzi. Tameɖonu ɖe sia ɖe kɔ mita eve kple afã. data/train/1KI/1KI_016_Verse_001.mp3,Ale Omri kplɔ aʋakɔ si nɔ Gibeton la eye wòɖe to ɖe Tirza si nye Israel ƒe fiadu. data/train/1KI/1KI_007_Verse_030.mp3,"Wota dzatawo, nyitsuwo kple Kerubiwo ɖe akɔbli gbadzawo dzi. Wota seƒoƒotsihewo ɖe gatiawo dzi le dzataawo kple nyitsuawo tame kple wo te siaa." data/train/1KI/1KI_001_Verse_008.mp3,"Batseba bɔbɔ hede ta agu ɖe fia la ŋkume. Fia la biae be, “Nu kae hiã wò?”" data/train/1KI/1KI_008_Verse_010.mp3,"Egblɔ bena, “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si tsɔ eƒe asi wɔ ŋugbe si wòdo kple eƒe nu na fofonye, David dzi egbe" data/train/1KI/1KI_007_Verse_016.mp3,"Hiram tsɔ akɔbli tu sɔti eve siwo me do le, ɖe sia ɖe kɔ mita enyi kple nu sue aɖe." data/train/1KI/1KI_003_Verse_019.mp3,Na dzi nyanu wò dɔla ale be wòate ŋu aɖu wò dukɔ dzi eye wòade vovototo nyui kple vɔ̃ dome elabena ame kae ate ŋu aɖu wò dukɔ gã sia dzi?” data/train/1KI/1KI_016_Verse_012.mp3,"Esime Israelviwo se le asaɖa la me be Zimri ɖo nugbe ɖe fia la ŋu eye wòwui la, wotsɔ Omri, woƒe aʋafia la ɖo fiae gbe ma gbe ke le asaɖa la me." data/train/1KI/1KI_014_Verse_001.mp3,"Ale esi Ahiya se nyɔnu la ŋkɔ le eƒe ʋɔtru nu ko la, edo ɣli be, “Yeroboam srɔ̃, ge ɖe eme. Nu ka ta nèle agbagba dzem be yeadze ame bubui?” Egblɔ na nyɔnu la be, “Nya vɔ̃ aɖe le asinye na wò," data/train/1KI/1KI_007_Verse_034.mp3,Wotsɔ akɔbli wɔ sɔti suewo kple nunɔdziawo ɖekae ɖe woƒe dzogoewo me. data/train/1KI/1KI_008_Verse_029.mp3,Fia Solomo gblɔ be “Yehowa gblɔ be yeanɔ lilikpo doviviti aɖe me. data/train/1KI/1KI_021_Verse_026.mp3,"Tete Yehowa ƒe gbe va na Eliya, Tisbitɔ la be," data/train/1KI/1KI_003_Verse_014.mp3,"Gawu la, matsɔ nu si mèbia o la hã akpee na wò, kesinɔnuwo kple bubu siaa, ale be le wò agbemeŋkekewo katã me la, fia aɖeke masɔ kpli wò o" data/train/1KI/1KI_004_Verse_015.mp3,"Enya nu wu Etan, Ezrahitɔ la kple Heman, Kalkol kple Darda, ame siwo nye Mahol ƒe viwo. Exɔ ŋkɔ le dukɔ siwo ƒo xlãe la me." data/train/1KI/1KI_015_Verse_021.mp3,"Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Maaka, Abisalom ƒe vinyɔnu." data/train/1KI/1KI_012_Verse_025.mp3,"Ne woyi Yerusalem be woasa vɔ le gbedoxɔ la me la, woadze xɔ̃ fia Rehoboam, ekema woawum eye woana wòazu woƒe fia ɖe tenyeƒe.”" data/train/1KI/1KI_008_Verse_040.mp3,"Le esia megbe la, nunɔlawo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le gbedoxɔ la ƒe kɔkɔe ƒe emetɔ si nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me eye wokɔe da ɖe kerubiawo ƒe aʋalawo te." data/train/JHN/JHN_008_Verse_059.mp3,Ɖe nèle gbɔgblɔm be yede ŋgɔ wu mía fofo Abraham si kua? Abraham kple nyagblɔɖilawo ku. Ame ka nèbuna be yenye?” data/train/JHN/JHN_004_Verse_037.mp3,"Nyɔnu la gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, na tsi sia ƒe ɖem, be tsikɔ magawum ne mava nɔ tsi kum le afi sia gbe sia gbe o.”" data/train/JHN/JHN_007_Verse_045.mp3,"Yesu ɖo eŋu be, “Nye la, nyemele nu siwo menya la fiam o, ke boŋ etso Mawu si dɔm ɖa la gbɔ." data/train/JHN/JHN_018_Verse_025.mp3,"Pilato trɔ yi ɖe eƒe fiasã la me, eye wòna wokplɔ Yesu va egbɔe, eye wòbiae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?”" data/train/JHN/JHN_018_Verse_031.mp3,"Yesu biae be, “Wò ŋutɔ wò susu nu nèbia nya sia ɖo loo alo ame aɖee gblɔe na wòa?”" data/train/JHN/JHN_016_Verse_004.mp3,"Esi megblɔ nya siawo la, miaƒe dziwo yɔ fũu kple nuxaxa." data/train/JHN/JHN_019_Verse_035.mp3,Wain tsitsi kplu ɖeka aɖe nɔ afi ma. Wotsɔe kɔ ɖe kakle tɔxɛ aɖe me eye wotsɔe tɔ ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu nɛ be wòano. data/train/JHN/JHN_010_Verse_006.mp3,"elabena Fofonye, ame si tsɔ wo nam la nye gã wu ame sia ame; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Fofonye si sesẽtɔe o." data/train/JHN/JHN_011_Verse_038.mp3,Mienya be enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔ la katã natsrɔ̃ oa?” data/train/JHN/JHN_004_Verse_002.mp3,"Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ be, wòanɔ yewo gbɔ, eye wònɔ wo gbɔ ŋkeke eve" data/train/JHN/JHN_007_Verse_015.mp3,"Esi Yesu ganɔ nu fiam le gbedoxɔa me la, edo ɣli be, “Ɛ̃, mienyam, eye mienya afi si metso. Nyemeva afi sia le ɖokuinye si o; ame si dɔm la nye nyateƒetɔ. Miawo la, mienyae o," data/train/JHN/JHN_013_Verse_037.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Màse nu si ta mele ewɔm la gɔme fifia o, gake àva se egɔme emegbe.”" data/train/JHN/JHN_007_Verse_051.mp3,"Ɖe mawunya megblɔ be Kristo la atso David ƒe ƒome me kple Betlehem, du si me David nɔ la me oa?”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_025.mp3,"Meva le Fofonye ƒe ŋkɔ me, eye miexɔm o; gake ne ame aɖe va le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ me la, miaxɔe." data/train/JHN/JHN_008_Verse_007.mp3,"Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, Abraham ƒe dzidzimeviwoe míenye, eye míenye kluviwo na ame aɖeke kpɔ o. Nu ka ta nègblɔ be, míazu ablɔɖeviwo ɖo?”" data/train/JHN/JHN_013_Verse_031.mp3,Yesu gblɔ nya sia elabena enya ame si gbɔna ede ge asi. data/train/JHN/JHN_006_Verse_049.mp3,"Wogblɔ be, “Nu ka! Menye ame siae nye Yesu, Yosef ƒe vi la oa? Míenya fofoa kple dadaa ɖe! Nu ka ta wòle gbɔgblɔm na mí fifia be, ‘Metso dziƒo va ɖo?’ ”" data/train/JHN/JHN_013_Verse_023.mp3,"Petro gblɔ be, “Gbeɖe, màklɔ nye afɔwo ŋuti o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne nyemeklɔ wò afɔwo o la, ekema màkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o.”" data/train/JHN/JHN_010_Verse_007.mp3,"Enɔ afi sia, eye ame geɖewo va egbɔ. Ameawo gblɔ be, “Togbɔ be Yohanes mewɔ nukunu aɖeke o hã la, nya siwo katã Yohanes gblɔ tso ŋutsu sia ŋu la nye nyateƒe.”" data/train/JHN/JHN_012_Verse_021.mp3,"Eya ta nunɔlagãwo wɔ ɖoɖo be yewoawu Lazaro hã," data/train/JHN/JHN_002_Verse_021.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Migbã gbedoxɔ sia, eye magagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ megbe.”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_033.mp3,"Mose ƒe se la gblɔ be, ne wolé ame aɖe alea la, ele be woaƒu kpee wòaku. Aleke nèkpɔ tso nya sia ŋu?”" data/train/JHN/JHN_004_Verse_025.mp3,"Le eƒe nyawo ta la, ame geɖewo xɔ edzi se." data/train/JHN/JHN_004_Verse_014.mp3,"Esiae wɔe be nya si wogblɔ ɖi be, ‘Ame aɖe ƒãa nu, eye ame bubu va ŋena’ la nye nyateƒe." data/train/JHN/JHN_005_Verse_016.mp3,"eye woado go, ame siwo wɔ nu nyui la woafɔ hena agbe mavɔ la me nɔnɔ, ke adrɔ̃ ʋɔnu nu vɔ̃ɖi wɔlawo." data/train/JHN/JHN_011_Verse_055.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli nɔa anyi gaƒoƒo wuieve le ŋkeke me, eye le ɣeyiɣi siawo me la, ame ate ŋu azɔ numaklimaklii, elabena ele xexe sia me ƒe kekeli kpɔm." data/train/JHN/JHN_014_Verse_023.mp3,"Nyemagaƒo nu na mi fũu o, elabena xexe sia me dziɖula le mɔ dzi gbɔna. Mekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o," data/train/JHN/JHN_005_Verse_014.mp3,"Esia ta Yudatɔwo gadze agbagba vevie be yewoawui, elabena kpe ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la ƒe sea dzi dada ŋu la, ele Mawu yɔm be ye Fofo hetsɔ eɖokui sɔ kple Mawu." data/train/JHN/JHN_005_Verse_036.mp3,"Ta aɖe le Yerusalem si te ɖe Alẽgbo la ŋu. Woyɔa ta sia le Hebrigbe me be, Betesda Ta. Wowɔ akpata atɔ̃ ƒo xlãe." data/train/JHN/JHN_004_Verse_050.mp3,(Yesu ŋutɔ gblɔ be nyagblɔɖila aɖeke mekpɔa bubu le eya ŋutɔ dedu me o.) data/train/JHN/JHN_003_Verse_025.mp3,"Nikodemo gabia Yesu be, “Aleke esia ate ŋu ava emee?”" data/train/JHN/JHN_018_Verse_023.mp3,"Pilato gabiae be, “Ekema fiae nenye nyateƒea?” Yesu ɖo eŋu be, “Ègblɔ nyateƒe be fiae menye. Le nyateƒe me la, susu sia ta wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase tso nyateƒe la ŋu. Ame sia ame si xɔ nyateƒe la dzi se la ɖoa tom.”" data/train/JHN/JHN_004_Verse_030.mp3,"Menye miawoe gblɔna be, ‘Esusɔ ɣleti ene ne nuŋeɣi naɖo oa’? Miwu mo dzi ne miakpɔ agblewo dzi ɖa! Nukuawo tsi na ŋeŋe." data/train/JHN/JHN_006_Verse_000.mp3,"Abe ale si Fofo gbagbe la dɔm ɖa, eye mele agbe le Fofo la ta ene la, nenema ke ame si ɖua nye ŋutilã la anɔ agbe, elabena mena agbe wo." data/train/JHN/JHN_019_Verse_029.mp3,"Nyɔnu aɖewo tsi tsitre ɖe atitsoga la gbɔ. Woawoe nye Yesu dada, Yesu dada nɔvi si woyɔna be Maria, Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala la." data/train/JHN/JHN_021_Verse_001.mp3,"Egblɔ na wo be, “Mida miaƒe ɖɔ la ɖe ʋua ƒe nuɖusime lɔƒo, eye miaɖe lã.” Esi woda ɖɔa la, woɖe lã fũu ale gbegbe be womete ŋu he ɖɔ la o." data/train/JHN/JHN_002_Verse_023.mp3,"Yudatɔwo gblɔ be, “Ƒe blaene-vɔ-adee wotsɔ tu gbedoxɔ siae. Ke wò ya nèbe yeate ŋu atui le ŋkeke etɔ̃ megbea?”" data/train/JHN/JHN_011_Verse_053.mp3,"Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe ku ŋuti, ke nusrɔ̃lawo ya bu be alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ gblɔm wòle." data/train/JHN/JHN_019_Verse_011.mp3,"Esi nunɔlagãwo kple woƒe asrafowo kpɔ Yesu la, wodo ɣli sesĩe be, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔ miyi ɖaklãe ɖe ati ŋu. Nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.”" data/train/JHN/JHN_016_Verse_014.mp3,"Le dzɔdzɔenyenye ŋuti la, meyina Fofo la gbɔ, eye miagakpɔm o," data/train/JHN/JHN_006_Verse_028.mp3,"Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Ɣleti ade ƒe fetu gɔ̃ hã mate ŋu aƒle nuɖuɖu wòade na ameha sia o!”" data/train/JHN/JHN_006_Verse_031.mp3,Gbɔgbɔ la naa agbe; wɔna aɖeke mele ŋutilã ya ŋu o. Nya siwo megblɔ na mi la nye Gbɔgbɔ kple agbe. data/train/JHN/JHN_004_Verse_040.mp3,"Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Srɔ̃ mele asinye o.” Yesu gblɔ nɛ be, “Èto nyateƒe esi nègblɔ be srɔ̃ mele ye si o." data/train/JHN/JHN_003_Verse_009.mp3,"Elabena Amegbetɔ Vi la koe tso dziƒo va anyigba dzi, eye wòagatrɔ ayi dziƒo." data/train/JHN/JHN_011_Verse_022.mp3,eya ta Yudatɔ geɖewo va kua teƒe be yewoado baba na Marta kple Maria siwo nye ameyinugbe la nɔviwo. data/train/JHN/JHN_011_Verse_049.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe;" data/train/JHN/JHN_012_Verse_033.mp3,"“Mawu gbã woƒe ŋkuwo, eye wòna be woƒe dziwo ku atri, be womagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, alo ase nu gɔme kple woƒe dziwo o, alo atrɔ ɖe Mawu ŋu be wòada gbe le wo ŋu o.”" data/train/JHN/JHN_020_Verse_026.mp3,"Yesu gagblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi. Abe ale si Fofo la dɔm ene la, nenema nye hã mele mia dɔm.”" data/train/JHN/JHN_007_Verse_036.mp3,"Nikodemo, ame si nye Farisitɔwo dometɔ ɖeka, ame si yi Yesu gbɔ le zã me la bia etɔwo be," data/train/JHN/JHN_005_Verse_019.mp3,"Gake esi miexɔ Mose ƒe nya siwo wòŋlɔ dzi se o ɖe, aleke miawɔ axɔ nye nyawo dzi ase.”" data/train/JHN/JHN_001_Verse_037.mp3,"Se la to Mose dzi va, ke Yesu Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ." data/train/JHN/JHN_005_Verse_033.mp3,"“Nye la, ɖaseɖiɖi si kɔ wu Yohanes la le asinye. Elabena dɔ si Fofo la de asi nam be mawɔ, awu enu, eye mele wo wɔm la nye ɖaseɖiɖi be Fofo lae dɔm vavã." data/train/JHN/JHN_004_Verse_015.mp3,"Eteƒe medidi o la, Samaria nyɔnu aɖe va be yeadu tsi. Yesu gblɔ nɛ be, “Àte ŋu ana tsi aɖem manoa?”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_038.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Fofonye le eƒe dɔwɔwɔ dzi va se ɖe fifia, eya ta nye hã mele dɔ wɔm.”" data/train/JHN/JHN_020_Verse_029.mp3,"Yesu wɔ nukunu kple dzesi geɖewo le nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume, esiwo womeŋlɔ ɖe agbalẽ sia me o." data/train/JHN/JHN_008_Verse_020.mp3,"Farisitɔ siwo nɔ afi ma la gblɔ nɛ be “Wò la, ɖokuiwò ko dom nèle ɖe dzi. Wò ɖaseɖiɖiwo menye nyateƒe o.”" data/train/JHN/JHN_014_Verse_021.mp3,"Ne ɖe mienya ame si ƒomevi menye la, anye ne mienya ame si ƒomevi Fofonye hã nye. Tso azɔ dzi la, mienya ame si Fofonye nye, eye miekpɔe hã!”" data/train/JHN/JHN_003_Verse_014.mp3,"Esia na be nusrɔ̃lawo va Yohanes gbɔ va gblɔ nɛ be, “Nufiala, ŋutsu si nèdo goe le Yɔdan tɔsisi la godo, ame si ŋuti nèɖi ɖase le hã le mawutsi dem ta na amewo, eye ame geɖewo le egbɔ yim.”" data/train/JHN/JHN_011_Verse_028.mp3,"gake esi wòse be Lazaro nɔ dɔ lém la, eganɔ afi si wòle la ŋkeke eve hafi dze mɔ." data/train/JHN/JHN_007_Verse_023.mp3,"Gbedoxɔŋudzɔlaawo ɖo eŋu na wo be, “Ame aɖeke meƒo nu abe ŋutsu sia ene kpɔ o.”" data/train/JHN/JHN_010_Verse_011.mp3,eye Yesu nɔ gbedoxɔ la me nɔ zɔzɔm le teƒe si woyɔna be Solomo ƒe Akpata la me. data/train/JHN/JHN_006_Verse_021.mp3,"Esi woku ʋu la abe agbadroƒe etɔ̃ alo ene ko ene la, wokpɔ Yesu wònɔ tetem ɖe ʋu la ŋuti, enɔ ƒu la dzi zɔm, eye vɔvɔ̃ ɖo wo," data/train/JHN/JHN_002_Verse_019.mp3,"Yesu gblɔ na subɔlawo be, “Midu tsi kɔ ɖe zɔwo katã me woayɔ.” Ale wowɔ nenema." data/train/JHN/JHN_019_Verse_034.mp3,"Tso esia dzi la, Pilato di vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu, gake Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ ɣlidodo dzi gblɔ nɛ be, “Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame si tsɔ eɖokui wɔ fiae la tsi tsitre ɖe Kaisaro ŋu.”" data/train/JHN/JHN_009_Verse_039.mp3,"Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ŋutsu aɖe si woyɔna be Yesu lae nya anyi vi aɖe tsɔ sisi ɖe nye ŋkuwo dzi hegblɔ nam be maɖale tsi le Siloam Ta la me. Mewɔ esia ale nye ŋkuwo ʋu, eye mede asi nukpɔkpɔ me.”" data/train/JHN/JHN_006_Verse_005.mp3,"Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, negbe ame si tso Mawu gbɔ la koe kpɔ Fofo la." data/train/JHN/JHN_018_Verse_019.mp3,Nu ka ta miele gbe biamem ɖo? Mibia gbe ame siwo se nye nyawo. Wose nya siwo megblɔ la.” data/train/JHN/JHN_003_Verse_035.mp3,"Ŋugbetɔ la nye ŋugbetɔsrɔ̃ la tɔ. Ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃ si subɔa ŋugbetɔsrɔ̃ la nɔa to dzi, eye wòkpɔa dzidzɔ ne ese ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe. Nyee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃, eya ta dzidzɔkpɔkpɔ yɔ menye ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ta." data/train/JHN/JHN_019_Verse_005.mp3,"Ame si kpɔ nu siawo katã teƒe la ɖi ɖase tso eŋu, eye eƒe ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe. Enyae be yegblɔ nyateƒe, be miawo hã miaxɔe ase." data/train/JHN/JHN_020_Verse_019.mp3,"Nusrɔ̃la ma si ɖo yɔdo la gbɔ gbã la hã ge ɖe eme mlɔeba. Ekpɔe, eye wòxɔe se be, etsi tsitre vavã." data/train/JHN/JHN_013_Verse_033.mp3,"Yesu nya be Fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be Mawu gbɔe yetso va, eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ." data/train/JHN/JHN_009_Verse_036.mp3,"Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ewɔ nuku ŋutɔ be mienya afi si wòtso o, gake eyae ʋu nye ŋkuwo nam." data/train/JHN/JHN_005_Verse_042.mp3,Ŋutsu aɖe si nɔ dɔ lém la hã nɔ teƒea sia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi sɔŋ. data/train/JHN/JHN_009_Verse_038.mp3,"Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ nya sia na mi xoxo, gake miesee o. Nu ka ta miedi be magagblɔe na mi ɖo? Alo ɖe miedi be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawoa?”" data/train/JHN/JHN_002_Verse_008.mp3,"Esi wɔnawo nɔ edzi yim la, wain si nom ameawo nɔ la vɔ. Ale Yesu dada va egbɔ hegblɔ nɛ be, “Wain mele wo si o.”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_000.mp3,"Abe ale si agbe le Fofo la ŋutɔ me ene la, nenema kee wòna be agbe nanɔ Via hã me," data/train/JHN/JHN_011_Verse_023.mp3,"eye ame si le agbe, eye wòxɔ dzinye se la maku gbeɖe o. Èxɔ nya siawo dzi sea?”" data/train/JHN/JHN_009_Verse_016.mp3,"Farisitɔawo gayɔ ŋutsu si ƒe ŋkuwo gbã kpɔ la zi evelia, eye wogblɔ nɛ be, “Kafu Mawu boŋ. Míenya be nu vɔ̃ wɔla wònye.”" data/train/JHN/JHN_003_Verse_032.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_027.mp3,"Mia dometɔ kae ate ŋu atɔ asi nu vɔ̃ si mewɔ la dzi? Ne mele nyateƒea gblɔm la, nu ka ta miexɔa dzinye sena o ɖo?" data/train/JHN/JHN_014_Verse_006.mp3,"Gbe ma gbe la, mianya be mele Fofo la me, eye miawo miele menye, eye nye hã mele mia me." data/train/JHN/JHN_019_Verse_014.mp3,"Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ nɛ be, “Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi.”" data/train/JHN/JHN_003_Verse_001.mp3,Ame si xɔ edzi se la ɖi ɖase be Mawue nye anukwaretɔ data/train/JHN/JHN_002_Verse_005.mp3,"Egblɔ na ame siwo nɔ akpakpawo dzram la be, “Mitsɔ nu siawo do goe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ asimee o!”" data/train/JHN/JHN_013_Verse_007.mp3,"Esi Yuda ɖu abolo la vɔ ko la, Satana ge ɖe eme. Yesu gblɔ nɛ be, “Ɖe abla nàyi aɖawɔ nu si nèɖo la.”" data/train/JHN/JHN_009_Verse_030.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne mienye ŋkuagbãtɔwo la, womabu fɔ mi be miewɔ nu vɔ̃ o, gake esi miebe yewole nu kpɔm la, miaƒe nu vɔ̃wo anɔ mia dzi.”" data/train/JHN/JHN_012_Verse_022.mp3,"Eƒe asi wu ƒe ɖeka ƒe fetu. Megblɔ esia ɖe esi wòtsɔ ɖe le eme na ame dahewo ta o, ke boŋ fiafitɔ wònye; eyae kpɔa nusrɔ̃lawo ƒe ga dzi, eye wònɔa ga la fim." data/train/JHN/JHN_001_Verse_049.mp3,"Yohanes ɖo eŋu na wo kple Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya siawo be, “Nyee nye ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe be, ‘Midzra Yehowa ƒe mɔ la ɖo wòanɔ dzɔdzɔe.’ ”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_032.mp3,"“Nye la, nyemate ŋu awɔ naneke le ɖokuinye si o; medrɔ̃a ʋɔnu abe ale si Fofo la di tso asinye ene. Medrɔ̃a ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye nu. Nyemewɔa nye lɔlɔ̃nu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, ke boŋ Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu ko mewɔna." data/train/JHN/JHN_011_Verse_003.mp3,"Betania anɔ abe agbadroƒe eve kple afã ene tso Yerusalem gbɔ," data/train/JHN/JHN_001_Verse_010.mp3,"Enɔ xexea me, gake xexea me mekpɔe dze sii o, evɔ eya dzi woto wɔ xexea me." data/train/JHN/JHN_007_Verse_032.mp3,"Míenya afi si ame sia tso. Ne Kristo la va la, ame aɖeke manya afi si wòtso o.”" data/train/JHN/JHN_004_Verse_005.mp3,"Aʋafia la ɖo ŋku edzi be gaƒoƒo ma me tututue Yesu gblɔ na ye be, “Viwò la ƒe lãme sẽ.” Ale aʋafia la kple eƒe aƒemetɔwo katã xɔ Yesu dzi se." data/train/JHN/JHN_003_Verse_024.mp3,"Miaɖo ŋku edzi be megblɔ na mi be, ‘Menye nyee nye Kristo la o, ke boŋ ame dɔdɔ menye le eyama ŋgɔ.’" data/train/JHN/JHN_015_Verse_023.mp3,"Nyemagayɔ mi be subɔlawo o, elabena aƒetɔ mate ŋu agblɔ eƒe nya ɣaɣlawo na subɔla o. Ke meyɔ mi be xɔ̃nyewo, elabena megblɔ nya sia nya si Fofo la gblɔ nam la na mi." data/train/JHN/JHN_006_Verse_070.mp3,"Zã do vɔ keŋ, gake Yesu medo ta ɖa o, eya ta nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me, eye wokui ɖo ta Kapernaum." data/train/JHN/JHN_020_Verse_006.mp3,"Enye kɔ kpɔ megbe, eye wòkpɔ Yesu wònɔ tsitre ɖe emegbe, gake menya be Yesue o." data/train/JHN/JHN_007_Verse_006.mp3,"Ame geɖewo nɔ nu ƒom le eŋu le amehawo dome. Ame aɖewo gblɔ be, “Enye ame nyui.” Ame bubuwo hã gblɔ be, “Alakpatɔ wònye le amewo flum.”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_021.mp3,"gake miegbe be yewomava gbɔnye, ale be mana agbe mavɔ mi o." data/train/JHN/JHN_008_Verse_037.mp3,"Nya geɖe le asinye magblɔ tso mia ŋuti, eye mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe wo ta. Ame si dɔm la nye nyateƒetɔ, eye nya siwo mese tso egbɔ lae megblɔna na xexea me.”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_035.mp3,"“Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o," data/train/JHN/JHN_019_Verse_008.mp3,"Enye dzadzraɖoŋkeke na Ŋutitotoŋkekenyui la; anye gaƒoƒo adelia me. Pilato gblɔ na Yudatɔwo be, “Miaƒe fia lae nye esi!”" data/train/JHN/JHN_002_Verse_002.mp3,"Azɔ Yudatɔwo va Yesu gbɔ hebiae be, “Ŋusẽ ka nèkpɔ, be nèwɔ nu siawo, eye dzesi ka nàfia mí?”" data/train/JHN/JHN_001_Verse_042.mp3,"Yesu gabiae be, “Ɖe nèxɔ dzinye se elabena mete ŋu kpɔ wò le gboti ma tea? Nu gãwo wu esia aɖe ame si menye la afia wò." data/train/JHN/JHN_006_Verse_055.mp3,"Yesu gblɔ be, “Nyee nye agbebolo la. Ame si ava gbɔnye la, dɔ magawui akpɔ o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ magawui gbeɖe o." data/train/JHN/JHN_006_Verse_008.mp3,"Ame siwo katã Fofo la tsɔ nam la, woava gbɔnye, eye nyemagbe wo xɔxɔ gbeɖe o." data/train/JHN/JHN_008_Verse_054.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be meli hafi wodzi Abraham.”" data/train/JHN/JHN_014_Verse_001.mp3,"ame si nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ, be wòanɔ anyi kpli mi yi ɖe mavɔ me. Xexea me mate ŋu axɔ nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ la o, elabena mekpɔnɛ alo dzea sii o. Ke miawo la, mienyae, elabena ele mia me, eye wòanɔ anyi kpli mi." data/train/JHN/JHN_005_Verse_006.mp3,"Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina va blua tsi la, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu vɔ megbe la kpɔa dɔyɔyɔ." data/train/JHN/JHN_018_Verse_032.mp3,"Yesu gabia wo be, “Ame ka dim miele?” Eye wogblɔ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_008.mp3,"Emegbe la, Yesu ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, eya ta dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò la avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_051.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la nye nu vɔ̃ ƒe kluvi." data/train/JHN/JHN_016_Verse_021.mp3,"Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve, gake ne edzi vi ko la, eŋlɔa vevesese la be, elabena ekpɔa dzidzɔ be yedzi vi ɖe xexea me." data/train/JHN/JHN_006_Verse_030.mp3,"Gake mia dometɔ aɖewo mexɔ dzinye se o.” Ke Yesu nya ame siwo mexɔ edzi se o, kple ame si le ede ge asi la tso gɔmedzedzea me ke." data/train/JHN/JHN_003_Verse_005.mp3,"Amegbetɔ ate ŋu adzi ŋutilã ko, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae naa agbe yeye tso dziƒo." data/train/JHN/JHN_021_Verse_018.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Mitsɔ lã si mieɖe fifia la ƒe ɖe vɛ.”" data/train/JHN/JHN_012_Verse_042.mp3,Woɖo fiẽnuɖukplɔ̃ na Yesu le afi sia. Marta subɔ Yesu le kplɔ̃ la ŋu. Lazaro hã nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu. data/train/JHN/JHN_008_Verse_004.mp3,"Ameawo gabiae be, “Gblɔ ame si tututu nènye la na mi.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi tso gɔmedzedzea me ke." data/train/JHN/JHN_015_Verse_008.mp3,"Megblɔ nya siawo na mi be dzidzɔ si le menye la nanɔ miawo hã mia me, be miaƒe dzidzɔ nagbã go." data/train/JHN/JHN_004_Verse_010.mp3,"Esi wòyi Galilea la, Galileatɔwo xɔe nyuie, elabena wokpɔ nukunu siwo katã wòwɔ le Yerusalem, esi woyi ɖaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le afi ma." data/train/JHN/JHN_002_Verse_020.mp3,"Yesu ɖo eŋu na dadaa be, “Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na wò fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o.”" data/train/JHN/JHN_003_Verse_004.mp3,"Ame siwo xɔ edzi se la, womadrɔ̃ ʋɔnu wo o, ke ame siwo mexɔ edzi se o la, wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo, elabena womexɔ Mawu ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la dzi se o." data/train/JHN/JHN_021_Verse_019.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Miva ɖu nu.” Ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu biae be, “Ame ka nènye” o. Wonya be Aƒetɔ lae." data/train/JHN/JHN_016_Verse_020.mp3,"“Ne eva la, ana xexea me nadze si eƒe nu vɔ̃ ku ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu," data/train/JHN/JHN_001_Verse_011.mp3,"Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna egbɔ la, egblɔ be, “Israelvi vavã si me alakpa aɖeke mele o lae nye esi gbɔna.”" data/train/JHN/JHN_003_Verse_013.mp3,(Esia do ŋgɔ na Yohanes léle de gaxɔ me.) data/train/JHN/JHN_014_Verse_004.mp3,"Fofonye ƒe aƒe me la, xɔ geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi." data/train/JHN/JHN_004_Verse_012.mp3,"Esi ŋutsu sia se be Yesu tso Yudea va ɖo Galilea la, eyi egbɔ heɖe kuku nɛ be wòava yɔ dɔ ye viŋutsuvi si ɖo kudo nu la na ye." data/train/JHN/JHN_014_Verse_008.mp3,"Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, xexea me tɔwo magakpɔm o, ke miawo ya, miakpɔm. Esi mele agbe ta la, miawo hã mianɔ agbe." data/train/JHN/JHN_012_Verse_050.mp3,"Ʋɔnudrɔ̃la aɖe li si adrɔ̃ ʋɔnu ame si gbe nu le gbɔnye, eye mexɔ nye nyawo o; nya siwo megblɔ la, woawoe woatsɔ abu fɔ woe le nuwuwuŋkeke la dzi." data/train/JHN/JHN_002_Verse_000.mp3,"Ale Yesu tsɔ ka aɖewo tro atam, eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me. Enya alẽawo kple nyiawo hã do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi." data/train/JHN/JHN_011_Verse_026.mp3,"Eɖe gbe na ameawo be, “Mimli kpe la ɖa.” Ke Marta, ame si nɔvi ku la gblɔ be, “Aƒetɔ, woɖii ŋkeke ene sɔŋ nye esi, eya ta anɔ ʋeʋẽm akpa.”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_028.mp3,"“Migasusu be matso mia nu na Fofo la o, ke boŋ Mose, ame si dzi mietsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔwo da ɖo lae le mia nu tso ge." data/train/JHN/JHN_001_Verse_016.mp3,"Eya ŋutie menɔ nu ƒom le esi megblɔ be, ‘Ŋutsu aɖe gbɔna kpuie, ame si de ŋgɔ wum boo, eye wòli xoxoxo hafi nye ya meva dzɔ gɔ̃.’" data/train/JHN/JHN_006_Verse_067.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Migalĩ liʋĩliʋĩ be megblɔ nya sia o." data/train/JHN/JHN_001_Verse_002.mp3,"Ame sia va be yeaɖi ɖase tso kekeli la ŋu, ale be to eya dzi la, amewo katã naxɔe ase." data/train/JHN/JHN_017_Verse_022.mp3,"Ne mele wo me, eye wò hã nèle menye la, mi katã miade blibo le ɖekanyenye me, ale be xexea me nanya be wòe dɔm eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene." data/train/JHN/JHN_005_Verse_044.mp3,"Ŋutsu la menya ame si Yesu nye o, evɔ la, Yesu hã ge ɖe ameha si nɔ afi ma la dome." data/train/JHN/JHN_003_Verse_029.mp3,"Wolé fu Kekeli si tso dziƒo va la, elabena wodi vevie be yewoawɔ nu vɔ̃ le viviti me. Wote ɖa xaa tso Kekeli la gbɔ, elabena wovɔ̃ be yewoƒe nu vɔ̃wo adze le gaglãgbe." data/train/JHN/JHN_010_Verse_010.mp3,"eye ame siwo katã va do ŋgɔ nam la, alẽawo meɖo to wo o, elabena fiafitɔwo kple adzodalawo wonye." data/train/JHN/JHN_003_Verse_034.mp3,"Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Nu si Mawu na ame tso dziƒo la ko wòate ŋu axɔ." data/train/JHN/JHN_021_Verse_000.mp3,"Ale nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie la gblɔ na Simɔn Petro be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ lae!” Esi Petro se nya sia teti ko la, etsɔ eƒe awu do kaba (elabena eɖee), eye wòti kpo dze tɔ la me." data/train/JHN/JHN_016_Verse_019.mp3,"Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be miafa avi, eye miaxa nu, ke xexea me ya akpɔ dzidzɔ. Miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa atrɔ azu dzidzɔkpɔkpɔ." data/train/JHN/JHN_007_Verse_052.mp3,"“Ɖe míaƒe se la bua fɔ ame aɖe nenye be womedrɔ̃ ʋɔnui, hese eƒe nyawo me gbã oa?”" data/train/JHN/JHN_006_Verse_045.mp3,Tete ʋu bubu aɖewo tso Tiberia va ɖo afi si ameawo ɖu abolo si Aƒetɔ la yra kple akpedada le. data/train/JHN/JHN_019_Verse_030.mp3,"Pilato gado go va xexe, eye wògblɔ na Yudatɔwo be, “Mele ekplɔ ge ado goe na mi, gake minya esia be nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋu o.”" data/train/JHN/JHN_020_Verse_020.mp3,"Simɔn Petro hã va ɖo, eye wòge ɖe yɔdo la me. Eya hã kpɔ avɔ ɣi ƒuƒlu la le anyigba," data/train/JHN/JHN_016_Verse_006.mp3,"eye le ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti la, wodrɔ̃ ʋɔnu xexe sia me fia la xoxo." data/train/JHN/JHN_007_Verse_012.mp3,"Elabena mawunya gblɔ be, ‘Ame si xɔ dzinye se la, tɔsisi si nye agbetsi la anɔ dzidzim tso eya amea me.’ ”" data/train/JHN/JHN_007_Verse_044.mp3,"Yesu nɔviŋutsuwo gblɔ nɛ be, “Ele be nàdzo le afi sia ayi Yudea, be wò nusrɔ̃lawo nakpɔ nukunu siwo nèwɔna la." data/train/JHN/JHN_007_Verse_041.mp3,"Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ hafi matrɔ ayi ame si dɔm la gbɔ." data/train/JHN/JHN_021_Verse_010.mp3,"Le ŋdi me la, Yesu nɔ tsitre ɖe ƒua ta, gake nusrɔ̃lawo menya be Yesue nye ema o." data/train/JHN/JHN_009_Verse_009.mp3,"Esi wògblɔ nya sia la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wòtsɔ ta la blu ba vi aɖe ɖe asi hesisi ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi." data/train/JHN/JHN_005_Verse_010.mp3,"Esi Yesu kpɔe wòmlɔ afi ma la, egblɔ nɛ be ele dɔ lém eteƒe didi. Ebiae be, “Èdi be wò lãme nasẽa?”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_012.mp3,"Esi wose nya sia la, wode asi dzodzo me ɖekaɖeka, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe esime wo katã wodzo negbe Yesu kple nyɔnu la koe susɔ." data/train/JHN/JHN_019_Verse_031.mp3,"Pilato gblɔ be, “Mèle nya ŋu ɖo ge nam oa? Ènya be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò alo mana woaklã wò ɖe ati ŋua?”" data/train/JHN/JHN_001_Verse_018.mp3,Filipo sia tso Betsaida si nye Andrea kple Petro wo de. data/train/JHN/JHN_008_Verse_036.mp3,"Nu siwo mia fofo wɔ la wɔm miele.” Woɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, menye ahasiviwo míenye o. Fofo ɖeka si le mía si lae nye Mawu ŋutɔ.”" data/train/JHN/JHN_019_Verse_036.mp3,"Wokplɔ Yesu do goe. Wodo awu dzĩ nɛ, tsɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Pilato gblɔ na wo be, “Miaƒe ame lae nye esi.”" data/train/JHN/JHN_020_Verse_012.mp3,"Ke woŋlɔ esiawo da ɖi be miaxɔe se be Yesue nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi la, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ me." data/train/JHN/JHN_004_Verse_016.mp3,(Eƒe nusrɔ̃lawo yi kɔƒea me yi nuɖuɖu ƒle ge.) data/train/JHN/JHN_006_Verse_063.mp3,"Yesu lia togbɛ aɖe, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ anyi ɖe afi ma." data/train/JHN/JHN_018_Verse_024.mp3,"Pilato gblɔ be, “Mia ŋutɔwo, mikplɔe yii, eye miatsɔ miaƒe sewo adrɔ̃ ʋɔnui.” Yudatɔwo gaɖo eŋu nɛ be, “Ŋusẽ mele mía si be míatso kufia na ame aɖeke o.”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_057.mp3,"Yudatɔwo ƒe dumegãwo gagblɔ nɛ be, “Azɔ míeka ɖe edzi be, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò vavã, elabena Abraham kple nyagblɔɖilawo hã ku. Ke wò la, èle gbɔgblɔm be ame si xɔ ye dzi se la maku gbeɖe o." data/train/JHN/JHN_004_Verse_018.mp3,"Fifia gɔ̃ hã la, ame si ŋea nu la xɔa fetu, eye wòŋea nukuwo hena agbe mavɔ la, be nuƒãla kple nuŋela siaa nakpɔ dzidzɔ." data/train/JHN/JHN_011_Verse_018.mp3,"Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la tu aƒe la, ame geɖewo tso du vovovowo me yi Yerusalem hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnu la wɔwɔ hafi azã la naɖo." data/train/JHN/JHN_018_Verse_011.mp3,Esia dzɔ be nya siwo Yesu gblɔ ɖi tso ku si ƒomevi wòaku ŋu la nava eme. data/train/JHN/JHN_005_Verse_001.mp3,"Abe ale si Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wònaa agbe wo ene la, nenema ke Vi la hã ana agbe ame siwo wòdi be yeana la." data/train/JHN/JHN_008_Verse_032.mp3,"Miaƒe se la gblɔ be, ne ame eve ƒe ɖaseɖiɖi le nya aɖe ŋu sɔ ko la, enye nyateƒe." data/train/JHN/JHN_001_Verse_020.mp3,"Kekeli la klẽ ɖe viviti me, eye viviti la mete ŋu ɖu edzi o." data/train/JHN/JHN_011_Verse_034.mp3,"Marta gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, nenye ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o." data/train/JHN/JHN_017_Verse_019.mp3,"Metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo; wo ameawo nenɔ ɖeka le nu sia nu me, be xexea me nanyae be wòe dɔm, eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene." data/train/JHN/JHN_014_Verse_017.mp3,"Mixɔe se ko be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye. Ne miate ŋu axɔ esia dzi se o la, ekema mixɔ dzinye se le nukunu geɖe siwo mewɔ miekpɔ la ta." data/train/JHN/JHN_002_Verse_011.mp3,"Esiae nye dzesi gbãtɔ si Yesu wɔ le Kana le Galilea hetsɔ ɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se." data/train/JHN/JHN_010_Verse_015.mp3,"gake Yesu gblɔ na wo be, “Fofo la na mewɔ nukunuwo na mi. Nu siawo dometɔ ka ta miedi be yewoaƒu kpem ɖo?”" data/train/JHN/JHN_020_Verse_025.mp3,"Yesu biae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo? Ame ka dim nèle?” Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va kɔe le afi sia la, gblɔ afi si nèkɔe da ɖo la nam be mayi aɖakɔe.”" data/train/JHN/JHN_015_Verse_011.mp3,"“Melɔ̃ mi abe ale si Fofo la lɔ̃m ene, eya ta minɔ nye lɔlɔ̃ la me." data/train/JHN/JHN_016_Verse_011.mp3,"Gaƒoƒo aɖe li gbɔna, eye eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, esime woade zi mia dome, eye miaka ahlẽ, ame sia ame aɖo ta eya ŋutɔ ƒe aƒe me. Miagblẽm ɖi. Gake nyematsi akogo o, elabena Fofo la li kplim." data/train/JHN/JHN_011_Verse_035.mp3,"Marta gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, menya be nɔvinye la atsi tsitre le tsitretsitsi la kple nuwuwuŋkeke la dzi.”" data/train/JHN/JHN_010_Verse_034.mp3,"Yesu gatrɔ ɖatso Yɔdan tɔsisi la yi egodo, eye wòyi ɖanɔ afi si Yohanes nɔ mawutsi dem ta na amewo le tsã la." data/train/JHN/JHN_006_Verse_011.mp3,"Ameha gã aɖe nɔ eyome, elabena wokpɔ nukunu siwo wòwɔ heda gbe le dɔnɔwo ŋu." data/train/JHN/JHN_018_Verse_013.mp3,"gake enɔ na Petro be wòalala le agboa nu. Nusrɔ̃la bubu sia, ame si nunɔlagã la nya la, trɔ gbɔ va ƒo nu na ɖetugbi si nɔ agboa nu dzɔm, eye wòɖe mɔ na Petro wòge ɖe eme." data/train/JHN/JHN_019_Verse_041.mp3,"Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo va gblɔ na Pilato be, “Mègaŋlɔe be, ‘Yudatɔwo ƒe fia’ o, ke boŋ ŋlɔe be ame sia be yee nye Yudatɔwo ƒe fia.”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_005.mp3,"Dɔnɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku ame aɖeke mele asinye si akɔm ada ɖe ta sia me ne wova blui o. Ne medze agbagba be mage ɖe eme ko la, ame bubu doa ŋgɔ gena ɖe eme.”" data/train/JHN/JHN_002_Verse_018.mp3,Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã. data/train/JHN/JHN_001_Verse_006.mp3,"Azɔ Yohanes ɖi ɖase le ale si wòkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wònɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me, nɔ ɖiɖim ɖe Yesu dzi tso dziƒo la ŋu." data/train/JHN/JHN_001_Verse_038.mp3,"si le yonyeme gbɔna, eye nyemedze be matu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o.”" data/train/JHN/JHN_016_Verse_016.mp3,"Le ŋkeke mawo me la, miabia nu Fofo la le nye ŋkɔ me. Nyemele gbɔgblɔm be mabia nu Fofo la ɖe mia nu o." data/train/JHN/JHN_019_Verse_001.mp3,"Afi si woklã Yesu ɖo la medidi tso Yerusalem dua gbɔ o, ale Yudatɔ geɖewo xlẽ nuŋɔŋlɔ la. Woŋlɔ nya siawo ɖe Hebrigbe, Romagbe kple Helagbe me be ame sia ame nate ŋu axlẽe." data/train/JHN/JHN_009_Verse_032.mp3,"Yudatɔwo mexɔe se be ŋutsu la nye ŋkuagbãtɔ, eye Yesu ʋu eƒe ŋkuwo o va se ɖe esime woyɔ edzilawo vɛ." data/train/JHN/JHN_007_Verse_008.mp3,"Ame si dina be yeazu ame ŋkuta la mewɔa nu le bebeme o, eya ta esi nèle nu siawo wɔm la, ele be nàɖe ɖokuiwò afia xexea me.”" data/train/JHN/JHN_013_Verse_011.mp3,"Le esia ta Yesu tsi tsitre le fiẽnuɖukplɔ̃ la ŋu, eye wòɖe eƒe awu da ɖi hetsɔ tsiletsɛ sa ɖe ali." data/train/JHN/JHN_015_Verse_006.mp3,"Ke ne miele menye, eye nye nyawo le mia me la, nu sia nu si miabia la, woawɔe na mi." data/train/JHN/JHN_012_Verse_009.mp3,Egblɔ nya sia be yeatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge yeala. data/train/JHN/JHN_005_Verse_023.mp3,"“Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ ame si dɔm la dzi se la akpɔ agbe mavɔ, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi ɖe agbe mavɔ la me." data/train/JHN/JHN_009_Verse_037.mp3,"Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Eɖanye nu vɔ̃ wɔla o, eɖanye ame nyui o, nyemenya o. Nu ɖeka si ko menya lae nye be, tsã la, menye ŋkuagbãtɔ, ke azɔ la, mele nu kpɔm!”" data/train/JHN/JHN_012_Verse_037.mp3,“Nu ka ta womedzra amiʋeʋĩ sia hetsɔ ga la na ame dahewo o ɖo?” data/train/JHN/JHN_001_Verse_007.mp3,Eli kple Mawu le gɔmedzedzea me. data/train/JHN/JHN_006_Verse_037.mp3,"Mía fofowo ɖu mana le gbea dzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Ena abolo wo tso dziƒo be woaɖu.’ ”" data/train/JHN/JHN_012_Verse_020.mp3,"Esia ɖo kpe Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya dzi be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ míaƒe nya dzi se? Eye ame kae woɖe Mawu ƒe ŋusẽ gã la fia?”" data/train/JHN/JHN_017_Verse_000.mp3,"Abe ale si nèdɔm ɖe xexea me ene la, nye hã mele wo dɔm ɖe xexea me." data/train/JHN/JHN_003_Verse_015.mp3,"Eva Yesu gbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ be, Nufiala, menya be nufialae nènye tso Mawu gbɔ va. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi wɔnuku siwo nèwɔna, ne Mawu meli kplii o." data/train/JHN/JHN_008_Verse_005.mp3,Ameawo mese nu si gblɔm wònɔ na wo tso Fofo la ŋuti la gɔme o. data/train/JHN/JHN_010_Verse_036.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi xoxo, gake miexɔe se o. Nukunu siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔ me la hã le ɖase ɖim le ŋunye," data/train/JHN/JHN_014_Verse_031.mp3,"Ɖe miexɔe se be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ Fofonye si le menye la ƒe nyawoe. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye." data/train/JHN/JHN_007_Verse_046.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɣeyiɣi sia menye ɣeyiɣi nyuitɔ nam be mayi o, ke miawo la, ɣeyiɣi ɖe sia ɖe nyo na mi." data/train/JHN/JHN_003_Verse_012.mp3,"Esi meƒo nu tso anyigbadzinuwo ŋu, eye mèxɔ wo dzi se o ɖe, aleke nàwɔ axɔe se ne meƒo nu tso dziƒonuwo ŋu na wò?" data/train/JHN/JHN_007_Verse_021.mp3,"Gake esi Yudatɔwo ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la tu aƒe la," data/train/JHN/JHN_011_Verse_008.mp3,"Esi Maria zɔ va ɖo afi si Yesu nɔ, eye wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.”" data/train/JHN/JHN_012_Verse_025.mp3,"Gake nye la, ne wokɔm ɖa tso anyigba la, mahe amewo katã ɖe ɖokuinye ŋu.”" data/train/JHN/JHN_001_Verse_027.mp3,"Nataniel bia Yesu be, “Aleke nèwɔ nya ame si ƒomevi menye?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mekpɔ wò le gboti ma te xoxoxo hafi Filipo va yɔ wò.”" data/train/JHN/JHN_006_Verse_013.mp3,"Azɔ ʋiʋli gaɖo Yudatɔwo dome ɖe nya si Yesu gblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Aleke ŋutsu sia atsɔ eƒe ŋutilã na mí be míaɖu?”" data/train/JHN/JHN_020_Verse_030.mp3,"Yesu yɔe be, “Maria!” Enumake Maria trɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòyɔe le Hebrigbe me be, “Raboni!” (si gɔmee nye “Nufiala”)." data/train/JHN/JHN_015_Verse_000.mp3,"Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe." data/train/JHN/JHN_012_Verse_029.mp3,"“Ke ame si se nye nyawo, gake mewɔ ɖe wo dzi o la, nyemadrɔ̃ ʋɔnui o. Elabena nyemeva be madrɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be maɖe xexea me." data/train/JHN/JHN_004_Verse_041.mp3,"Samaria nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Yudatɔ nènye, eye menye Samariatɔ. Aleke wò Yudatɔ, nèle tsi biam nye Samaria nyɔnu be yeano?” (Elabena Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o.)" data/train/JHN/JHN_009_Verse_026.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si nèle kpɔkpɔm lae. Le nyateƒe me la, eyae le nu ƒom na wò fifia.”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_008.mp3,"Esi woganɔ fu ɖem nɛ kokoko be neɖo nya la ŋu na yewo la, efɔ kɔ dzi gblɔ na wo be “Mia dometɔ si mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o la netre kpe la ƒuƒui!”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_021.mp3,"Gake ne medrɔ̃ ʋɔnu la, anye ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe, elabena menye nye ɖekae li o. Nye kple Fofo si dɔm lae li." data/train/JHN/JHN_007_Verse_049.mp3,"Yudatɔwo ƒe amegãwo dii vevie le azã la ɖuƒe, eye wonɔ eta biam be, “Afi ka ŋutsu ma le?”" data/train/JHN/JHN_020_Verse_005.mp3,"Emegbe la, egblɔ na Toma be, “Tsɔ wò asibidɛ ƒo ɖe afi sia; kpɔ nye asiwo ɖa. Tsɔ wò asi de nye axadame. Dzudzɔ ɖikeke, eye nàxɔe se.”" data/train/JHN/JHN_004_Verse_021.mp3,"Ke nusrɔ̃lawo bia le wo nɔewo dome be, “Ɖe ame aɖe tsɔ nuɖuɖu vɛ nɛa?”" data/train/JHN/JHN_018_Verse_006.mp3,"Dɔlanyɔnuvi la bia Petro be, “Menye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃la menye o.”" data/train/JHN/JHN_018_Verse_021.mp3,"Nunɔlagã la ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka si nye ame si ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ aɖe hã bia Petro be, “Menye wòe mekpɔ le abɔa me, nèle Yesu ŋu oa?”" data/train/JHN/JHN_013_Verse_010.mp3,"Kpɔɖeŋu wònye mena mi, eya ta miwɔ nu si mewɔ na mi la." data/train/JHN/JHN_001_Verse_041.mp3,"Wogabiae be, “Ke ame ka tututue nènye? Gblɔe na mí, ale be míanya nya si míagblɔ na ame siwo dɔ mí la. Gblɔ nya aɖe na mí tso ɖokuiwò ŋu.”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_015.mp3,"Eye Fofo la, ame si dɔm la ŋutɔ ɖi ɖase tso ŋunye. Miese eƒe gbe kpɔ alo kpɔe kpɔ o." data/train/JHN/JHN_006_Verse_020.mp3,"Esi ameawo kpɔ nukunu gã si Yesu wɔ la, wodo ɣli gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila si míele mɔ kpɔm na le xexe sia me.”" data/train/JHN/JHN_013_Verse_021.mp3,"Nya siawo na be nusrɔ̃lawo trɔ kpɔ wo nɔewo ƒe ŋkume, elabena womenya wo dometɔ si wòwɔnɛ o." data/train/JHN/JHN_012_Verse_035.mp3,Menya be eƒe nyawo katã akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee. Eya ta megblɔa nya si Fofo la gblɔ nam be magblɔ la.” data/train/JHN/JHN_001_Verse_003.mp3,Ame siawo dometɔ ɖekae nye Andrea si nye Simɔn Petro nɔvi. data/train/JHN/JHN_021_Verse_014.mp3,"Simɔn Petro gblɔ be, “Meyina tɔƒo.” Wogblɔ be, “Míayi kpli wò.” Ale woyi ɖage ɖe tɔdziʋu la me, gake womeɖe lã aɖeke le zã ma me o." data/train/JHN/JHN_008_Verse_025.mp3,"Mele nyateƒe la gblɔm na mi be ame si ɖoa tom la, mele kuku ge akpɔ o.”" data/train/JHN/JHN_014_Verse_007.mp3,"Ke Nyaxɔɖeakɔla, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Fofo la adɔ ɖo ɖa le nye ŋkɔ me la afia nu geɖewo mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã mefia mi la dzi na mi." data/train/JHN/JHN_008_Verse_038.mp3,"Nye la, meɖia ɖase tso ɖokuinye ŋu. Fofo si dɔm la hã ɖia ɖase tso ŋunye.”" data/train/JHN/JHN_001_Verse_048.mp3,"Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mele mawutsi dem ta na amewo kple tsi, gake ame aɖe le mia dome," data/train/JHN/JHN_018_Verse_026.mp3,"Pilato ɖo eŋu dɔmedzoetɔe be, “Yudatɔe menye hafi nèle nya sia biamem mahã? Wò ŋutɔ wò amewo kple miaƒe nunɔlagãwoe kplɔ wò va gbɔnyee? Nu ka nèwɔ? Agɔ ka nèdze?”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_022.mp3,"Ke miawo la, miele agbagba dzem be yewoawum, elabena mele nyateƒe si mese tso Mawu gbɔ la gblɔm na mi. Abraham mewɔ nu siawo ƒomevi aɖeke o." data/train/JHN/JHN_019_Verse_013.mp3,"Esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi. Woda ʋɔnudrɔ̃zikpui sia ɖe kpe gbadza aɖe dzi le teƒe si woyɔna be Kpe Gbadza (si woyɔna le Hebrigbe me be Gabata)." data/train/JHN/JHN_013_Verse_024.mp3,"“Se yeye mena mi: Milɔ̃ mia nɔewo. Abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema." data/train/JHN/JHN_018_Verse_028.mp3,"Vuvɔ nɔ wɔwɔm, ale subɔlawo kple kpovitɔwo nɔ dzo ƒum be woƒe lãme naxɔ dzo. Ale Petro hã tsi tsitre ɖe wo gbɔ nɔ dzoa ƒum." data/train/JHN/JHN_021_Verse_015.mp3,"Simɔn Petro ge ɖe ʋu la me, eye wòkpe ɖe wo ŋu wohe ɖɔ la va gota. Lã gãwo yɔ ɖɔ la fũu eye esi woxlẽ wo la, wonɔ alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ (153) gake ɖɔ la mevuvu o." data/train/JHN/JHN_001_Verse_046.mp3,"Yohanes li ŋku ɖe Yesu dzi gãa hegblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi lae nye ekem!”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_027.mp3,"Miedzroa mawunya la me tsitotsito, elabena miexɔ se be miakpɔ agbe mavɔ le eme. Evɔ mawunya siae ɖi ɖase le ŋutinye," data/train/JHN/JHN_011_Verse_014.mp3,"Esi Yesu kpɔ ale si Maria nɔ avi fam, eye Yudatɔwo hã nɔ efam kplii la, ewɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eye eƒe ta me ɖe fu." data/train/JHN/JHN_008_Verse_039.mp3,"Nyemele ɖokuinye dom ɖe dzi o, gake ame aɖe li si le didim be woade bubu ye ŋu, eye eyae nye ʋɔnudrɔ̃la la." data/train/JHN/JHN_001_Verse_039.mp3,"To eya me wowɔ nuwo katã, eye eya manɔmee la, womewɔ naneke si wowɔ la o." data/train/JHN/JHN_011_Verse_052.mp3,"Yesu mege ɖe dua me haɖe o, eganɔ afi si Marta va kpee le." data/train/JHN/JHN_012_Verse_012.mp3,"Elabena nyemeƒo nu le ɖokuinye si o, ke boŋ Fofo si dɔm la ƒe nya siwo katã wògblɔ nam be magblɔ lae." data/train/JHN/JHN_019_Verse_021.mp3,"eye woyi egbɔ zi geɖe, eye woɖu fewu le eŋu gblɔ be, “Miedo gbe na wò Yudatɔwo ƒe fia.” Eye woƒo tome nɛ." data/train/JHN/JHN_012_Verse_026.mp3,"Gaƒoƒo la de be woadrɔ̃ ʋɔnu xexea me; azɔ la, woanya xexe sia me ƒe fia la." data/train/JHN/JHN_010_Verse_019.mp3,"Mena agbe mavɔ wo, eye womatsrɔ̃ gbeɖe o; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le asinye sesẽtɔe o," data/train/JHN/JHN_012_Verse_046.mp3,"Yesu kpɔ tedzivi aɖe, eye wònɔ anyi ɖe edzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be," data/train/JHN/JHN_004_Verse_053.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana kple ame si ƒomevi le tsi biam wò la, anye ne èbiae, eye wòana agbetsi wò.”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_023.mp3,"Kluviwo la, gomekpɔkpɔ aɖeke meli na wo le ƒomea me o, gake gomekpɔkpɔ li na aƒea tɔ ƒe vi la tegbee." data/train/JHN/JHN_007_Verse_050.mp3,Ɖe dumegã aɖe alo Farisitɔ aɖe xɔ ame sia dzi sea? data/train/JHN/JHN_017_Verse_020.mp3,"Meɖe ame si nènye la fia wo, eye mayi edzi ana woanya wò, bena lɔlɔ̃ si nètsɔ nam la nanɔ woawo hã me, eye nye hã manɔ wo me.”" data/train/JHN/JHN_011_Verse_040.mp3,"Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nufiala, nyitsɔ laa ko Yudatɔwo di be yewoaƒu kpe wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma ɖo?”" data/train/JHN/JHN_006_Verse_040.mp3,"Nyee nye abolo tso dziƒo va. Mia fofowo ɖu mana, eye woku, ke ame si aɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tso mavɔ me yi mavɔ me.”" data/train/JHN/JHN_002_Verse_012.mp3,"Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be mawunya gblɔ be, “Lɔlɔ̃ na wò aƒe zu dzo ge ɖe menye.”" data/train/JHN/JHN_001_Verse_026.mp3,"Menye Yohanes ye nye kekeli la o. Eya la, ɖeko wòva be yeaɖi ɖase le kekeli la ŋu." data/train/JHN/JHN_014_Verse_003.mp3,"Filipo gblɔ be, “Aƒetɔ, fia Fofo la mí ekema míaƒe dzi adze eme.”" data/train/JHN/JHN_014_Verse_026.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si lɔ̃m la awɔ ɖe nye nufiafia dzi. Fofonye hã alɔ̃e, eye nye kple Fofonye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ." data/train/JHN/JHN_017_Verse_017.mp3,"Megblɔ wò nyawo na wo, eye xexea me lé fu wo, elabena womeganye xexea me tɔwo o, abe ale si nye hã nyemetso xexea me o ene. Nenema ke nye hã nye agbenɔnɔ mesɔ kple xexea me tɔwo ƒe agbenɔnɔ o." data/train/JHN/JHN_017_Verse_003.mp3,"Azɔ mele dzodzo ge le xexea me ava gbɔwò, gake wogale xexea me. Fofo kɔkɔe, kpɔ wo ta to wò ŋusẽ kple ŋkɔ me, ŋkɔ si nènam be woawɔ ɖeka abe ale si nye kpli wò miewɔ ɖekae ene." data/train/JHN/JHN_013_Verse_008.mp3,"Etsɔ gagba ku tsi ɖe eme, eye wòde asi nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo kɔklɔ me. Ne eklɔ ame aɖe tɔ vɔ la, etsɔa tsiletsɛ si wòsa ɖe ali la tutua afɔ nɛ." data/train/JHN/JHN_005_Verse_003.mp3,"Ame bubu aɖe li si ɖia ɖase tso ŋunye, eye menya be eƒe ɖaseɖiɖi tso ŋunye nye nyateƒe." data/train/JHN/JHN_004_Verse_047.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Mia dometɔ aɖeke maxɔ dzinye ase o, dzaa miekpɔ dzesi kple nukunuwo?”" data/train/JHN/JHN_014_Verse_012.mp3,"Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si xɔ dzinye se la awɔ dɔ siwo katã mele wɔwɔm la, eye awɔ dɔ gãwo wu esiwo mewɔ, elabena meyina ɖe Fofo la gbɔ." data/train/JHN/JHN_010_Verse_040.mp3,"Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Menye nukunu siwo nèwɔ la tae míedi be míaƒu kpe wò ɖo o, ke boŋ busunya siwo gblɔm nèle la tae. Nu ka ta wò amegbetɔ nèle ɖokuiwò yɔm be Mawu ɖo?”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_037.mp3,"Wobiae be, “Ame kae nye ame si gblɔ na wò be nàkɔ wò aba?”" data/train/JHN/JHN_020_Verse_023.mp3,"Wo ame eve la nɔ du ƒum, gake nusrɔ̃la kemɛ la ƒu du gbɔ Petro ŋu hetre yɔdo la gbɔ ɖoɖo." data/train/JHN/JHN_012_Verse_027.mp3,"Gbã la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mese nu siawo katã gɔme o. Ke esi wokɔ Yesu ŋu wòtrɔ dzo yi dziƒo le ŋutikɔkɔe me megbe hafi wode dzesii be woŋlɔ nu siawo tso eŋu, eye wowɔ nu siawo nɛ." data/train/JHN/JHN_015_Verse_027.mp3,"Ɖe nyemewɔ nukunu gã geɖe si ame aɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, anye ne womabu fɔ wo o; wokpɔ nukunu geɖe siawo, gake wolé fu nye kple Fofonye." data/train/JHN/JHN_011_Verse_009.mp3,"Esi Marta se be Yesu gbɔna la, edo go be yeaɖakpee le mɔa dzi. Ke Maria ya meyi o." data/train/JHN/JHN_011_Verse_002.mp3,"Azɔ eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Mina míatrɔ ayi Yudea.”" data/train/JHN/JHN_004_Verse_003.mp3,"Aʋafia la bia gaƒoƒo si me tututu via ƒe lãme sẽ la wo. Woɖo eŋu nɛ be, “Etsɔ, anɔ abe ŋdɔ ga ɖeka me ene la, asrã la vɔ nɛ.”" data/train/JHN/JHN_006_Verse_002.mp3,"Abolo si Mawu na lae nye ame si tso dziƒo va, eye wòna agbe xexea me.”" data/train/JHN/JHN_012_Verse_006.mp3,"Ameha la biae be, “Míesee le Se la me be Kristo la anɔ agbe tegbee. Nu ka ta nèbe ‘woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi’ ɖo? Ame kae nye Amegbetɔ Vi sia?”" data/train/JHN/JHN_007_Verse_048.mp3,"Yudatɔwo bia wo nɔewo be, “Afi ka wòle ɖoɖo wɔm be yeadzo ayi, eye míate ŋu akpɔe o? Ɖe wòyina mía nɔvi siwo kaka ɖe Grikitɔwo dome la gbɔ be yeafia nu Grikitɔwoa?" data/train/JHN/JHN_009_Verse_020.mp3,"Mienya be Mawu meɖoa to nu vɔ̃ wɔlawo o, ke boŋ eɖoa to mawuvɔ̃la kple ame si wɔa eƒe lɔlɔ̃nu." data/train/JHN/JHN_016_Verse_017.mp3,"Megblɔ nu siawo katã na mi be miakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexe sia me la, miato fukpekpe geɖewo me, gake milé dzi ɖe ƒo, elabena meɖu xexea me dzi.”" data/train/JHN/JHN_016_Verse_024.mp3,"“Nya geɖe le asinye be magblɔ na mi, gake miate ŋu ase wo gɔme fifia o." data/train/JHN/JHN_004_Verse_008.mp3,"Esi wògblɔ nya sia vɔ teti ko la, eƒe nusrɔ̃lawo va do, eye wòwɔ nuku na wo be Yesu nɔ dze ɖom kple nyɔnu aɖe, gake wo dometɔ aɖeke mebia be, “Nu ka dim nèle?” alo “Nu ka ta nèle dze ɖom kple nyɔnu la ɖo?” o." data/train/JHN/JHN_007_Verse_016.mp3,"Esi Yesu nɔviŋutsuwo dzo vɔ megbe la, eya hã yi Ŋkekenyui la ɖuƒe. Ke eyi le bebeme." data/train/JHN/JHN_007_Verse_024.mp3,"Gbeɖe! Ne ameha gã sia, ame siwo menya naneke tso se la ŋu o lae xɔ edzi se la, fiƒode le ame siawo dzi!”" data/train/JHN/JHN_009_Verse_023.mp3,"Nusrɔ̃lawo bia Yesu be, “Nufiala, ame kae wɔ nu vɔ̃, ŋutsu sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃wo tae wodzii ŋkuagbãtɔea? Eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃e wɔe be wòle alea loo alo edzilawo ƒe nu vɔ̃woe?”" data/train/JHN/JHN_004_Verse_023.mp3,"Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Yi aƒe me, elabena viwò la ƒe lãme sẽ.” Aʋafia la xɔ nya si Yesu gblɔ nɛ la dzi se, eye wòtrɔ dzo yina aƒe me." data/train/JHN/JHN_006_Verse_053.mp3,"Yesu de dzesii be yeƒe nusrɔ̃lawo le liʋĩliʋĩ lĩm, eya ta egblɔ na wo be, “Ɖe nye nyawo ɖia mia nua?" data/train/JHN/JHN_016_Verse_010.mp3,"Gake nyateƒe gblɔm mele na mi be enyo be madzo le mia gbɔ. Ne nyemedzo o la, Nyaxɔɖeakɔla la mava mia gbɔ o; gake ne medzo la, maɖoe ɖe mi." data/train/JHN/JHN_014_Verse_030.mp3,"Yuda (menye Yuda Iskariɔt o, ke boŋ nusrɔ̃la bubu), biae be, “Aƒetɔ, nu ka ta wònye mí nusrɔ̃lawo ko nèle ɖokuiwo ɖe ge afia, ke menye xexea me katã o?”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_018.mp3,"Eƒe nya la mele mia me o, elabena miexɔ ame si wòdɔ ɖo ɖa la dzi se o." data/train/JHN/JHN_011_Verse_006.mp3,"Enye nyateƒe be ŋutsu sia le nukunu geɖewo wɔm. Ne míeɖe mɔ nɛ alea la, ame sia ame axɔ edzi ase, eye Romatɔwo ava axɔ míaƒe nɔƒe kple dukɔ la le mía si.”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_019.mp3,"eye wogblɔ na Yesu be, “Nufiala, míelé nyɔnu sia asiasii wònɔ ahasi wɔm." data/train/JHN/JHN_010_Verse_000.mp3,"abe ale si Fofonye nyam ene la, nenema ke nye hã menya Fofonyee, eye metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta." data/train/JHN/JHN_019_Verse_017.mp3,"Esia ta asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ axadame nɛ, eye ʋu kple tsi do go." data/train/JHN/JHN_008_Verse_014.mp3,"Esia ta megblɔ na mi be miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me ɖo. Le nyateƒe me la, ne miexɔ dzinye se be nyee nye ame si le vava ge o la, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me.”" data/train/JHN/JHN_011_Verse_051.mp3,"Yesu lɔ̃ Marta kple nɔvia nyɔnu Maria kpakple Lazaro," data/train/JHN/JHN_011_Verse_025.mp3,"eye menye ɖe Israel dukɔ la ɖeɖe ko ta o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe vi siwo kaka ɖe xexea me katã la ta, be woaƒo wo katã nu ƒu woazu ame ɖeka." data/train/JHN/JHN_007_Verse_030.mp3,"Miawo la, xexea me tɔwo mate ŋu alé fu mi o, ke nye la, wolé fum, elabena megblɔna na wo be woƒe nuwɔnawo nye nu vɔ̃ɖi." data/train/JHN/JHN_008_Verse_050.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖeke mele menye o. Nye la, medea bubu Fofonye ŋu, ke miawo la, miele vlo domem." data/train/JHN/JHN_006_Verse_014.mp3,"Ekema miekpɔ Amegbetɔ Vi la wòyina ɖe dziƒo, afi si wòtso va ɖe!" data/train/JHN/JHN_004_Verse_027.mp3,"Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, eva ɖo Samariatɔwo ƒe du aɖe si woyɔna be Sikar la me, si te ɖe anyigba si Yakob na via Yosef la ŋu." data/train/JHN/JHN_009_Verse_029.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye ame sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃ ta ame sia ƒe ŋku gbã ɖo o. Wodzii nenema be woatsɔ aɖe Mawu ƒe ŋusẽ afia." data/train/JHN/JHN_013_Verse_028.mp3,"To esia wɔwɔ me la, amewo katã anya be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne mielɔ̃ mia nɔewo.”" data/train/JHN/JHN_006_Verse_061.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Mi ame wuievee metia, gake mia dometɔ ɖeka nye Abosam!”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_041.mp3,"Togbɔ be mienyae o hã la, nye ya menyae. Ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema menye alakpatɔ abe miawo ke ene. Ke nye la, menyae, eye meɖoa to eƒe gbe." data/train/JHN/JHN_005_Verse_045.mp3,"Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ame si da gbe le ŋunye lae gblɔ nam be makɔ nye aba.”" data/train/JHN/JHN_001_Verse_017.mp3,"Filipo hã ɖe abla yi ɖadi Nataniel, eye wògblɔ nɛ be, “Nɔvi, míeke ɖe Mesia, ame si ŋuti woŋlɔ nu tsoe le Nyagblɔɖilawo kple Mose ƒe sea me la ŋu. Eŋkɔe nye Yesu, eye fofoae nye Yosef si tso Nazaret.”" data/train/JHN/JHN_012_Verse_007.mp3,"Azɔ ameha siwo nɔ eteƒe hafi Yesu yɔ Lazaro be wòado go tso yɔdo me, eye wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la kaka nya la." data/train/JHN/JHN_007_Verse_027.mp3,"Le Agbadɔmeŋkekenyui la ƒe ŋkeke mamlɛtɔ kple gãtɔ dzi la, Yesu nɔ tsitre, eye wòdo ɣli sesĩe gblɔ na ameha la be, “Ne tsikɔ le mia dometɔ aɖe wum la, neva gbɔnye wòano tsi." data/train/JHN/JHN_013_Verse_012.mp3,"“Mele egblɔm na mi hafi wòava eme. Mele nya siawo katã gblɔm na mi be ne wova eme la, miaxɔ dzinye ase." data/train/JHN/JHN_006_Verse_064.mp3,"Yesu tsɔ aboloawo, eye wòdo gbe ɖa heda akpe ɖe wo ta. Emegbe la, etsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Edo gbe ɖa ɖe tɔmelã meme eveawo hã ta, eye wòtsɔe na ameawo." data/train/JHN/JHN_019_Verse_037.mp3,"Wosi ami la nɛ, eye wo kple eve la wotsɔ aklala si me ami ʋeʋĩ yɔ fũu la bla Yesu ƒe ŋutilã kukua ɖe eme. Wowɔ nu sia ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo nu." data/train/JHN/JHN_004_Verse_045.mp3,"Yesu gava Kana le Galilea, afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le la. Afi ma wòdo go aʋafia aɖe le. Ŋutsu sia ƒe vi le dɔ lém le Kapernaum." data/train/JHN/JHN_006_Verse_054.mp3,"Yesu gagblɔ be, “Esia ta megblɔ na mi be ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo la ŋutɔe hee ɖe ŋunye.”" data/train/JHN/JHN_001_Verse_021.mp3,Kekeli vavã si klẽna na amewo katã la gbɔna va xexea me. data/train/JHN/JHN_007_Verse_010.mp3,"Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò! Ame kae le didim be yeawu wò?”" data/train/JHN/JHN_004_Verse_022.mp3,"Ke Yesu gblɔ na wo be, “Nuɖuɖu le asinye, esi ŋu miawo mienya nu le o.”" data/train/JHN/JHN_004_Verse_039.mp3,"Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Menya be Mesia” (si woyɔna be Kristo la) “le vava ge. Ne eva la aɖe nu sia nu gɔme na mí.”" data/train/JHN/JHN_018_Verse_035.mp3,"Yesu gblɔ nya sia bena wòawu nya si wògblɔ ɖi la nu be, “Nyemebu ame siwo nètsɔ nam la dometɔ aɖeke o.”" data/train/JHN/JHN_007_Verse_035.mp3,"Ne ame aɖe di be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo." data/train/JHN/JHN_016_Verse_031.mp3,"Yesu nya be nusrɔ̃lawo di be yewoabia nya siwo yegblɔ la ƒe gɔmeɖeɖe, eya ta egblɔ na wo be, “Nya siwo megblɔ la ƒe gɔmeɖeɖe biam miele mia nɔewo, esi megblɔ be esusɔ vie miagakpɔm o kple esusɔ vie miagakpɔma?" data/train/JHN/JHN_003_Verse_026.mp3,"Nikodemo gblɔ be, “Aleke wɔ ametsitsi nagatrɔ ayi dadaa ƒe dɔ me be woagbugbɔe adzii?”" data/train/JHN/JHN_016_Verse_007.mp3,"Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututu gblɔm wòle be, ‘Esusɔ vie miagakpɔm o eye esusɔ vie miagakpɔm.’ Egagblɔ hã be, ‘Meyina Fofo la gbɔ.’" data/train/JHN/JHN_003_Verse_031.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyateƒe gblɔm mele na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi to tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o." data/train/JHN/JHN_008_Verse_028.mp3,"Mia fofo Abraham kpɔ dzidzɔ esi wòse be megbɔna, eye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ de blibo esi wòkpɔ ŋkeke la.”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_029.mp3,"Mianya nyateƒe la hã, eye nyateƒe la awɔ mi ablɔɖeviwoe.”" data/train/JHN/JHN_011_Verse_044.mp3,"Wo dometɔ geɖewo di be yewoakpɔ Yesu, eya ta esi wonɔ tsitre le gbedoxɔa me la, wobia wo nɔewo be, “Alekee nye miaƒe susu? Ele azã la ɖuƒe va gea?”" data/train/JHN/JHN_003_Verse_027.mp3,"Nu si ta wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo lae nye be Kekeli tso dziƒo va xexea me, gake ame siawo lɔ̃ viviti wu Kekeli la, elabena woƒe nuwɔnawo vɔ̃ɖi ŋutɔ." data/train/JHN/JHN_020_Verse_001.mp3,"Anɔ abe ŋkeke enyi megbe ene la, nusrɔ̃lawo gaƒo ƒu ɖe xɔ me, tu ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu, eye Toma hã nɔ wo dome. Togbɔ be ʋɔtruawo nɔ tutu hã la, Yesu va tsi tsitre ɖe wo dome, eye wògblɔ be, “Ŋutifafa na mi.”" data/train/JHN/JHN_002_Verse_014.mp3,Ke “gbedoxɔ” si ŋu Yesu nɔ nu ƒom le lae nye eƒe ŋutilã. data/train/JHN/JHN_009_Verse_007.mp3,"Edzilawo gblɔ nya sia, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo, elabena Yudatɔwo ɖoe be ame si agblɔ be Yesue nye Kristo la la, woanyae le gbedoxɔ la me." data/train/JHN/JHN_015_Verse_001.mp3,Ame si lé fum la lé fu Fofonye hã. data/train/JHN/JHN_003_Verse_016.mp3,"Eɖia ɖase le nu si wokpɔ kple nu si wose la ŋuti, gake ame aɖeke mexɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi sena o." data/train/JHN/JHN_007_Verse_018.mp3,"Ewɔ nuku na Yudatɔwo ƒe amegãwo ŋutɔ esi wose nu siwo gblɔm wònɔ le gbedoxɔ la me. Wobia be, “Aleke ame sia wɔ nya nu siawo, togbɔ be mede suku aɖeke o?”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_002.mp3,"Ame siawo bia nya sia Yesu be yewoatsɔ atre mɔ nɛ ale be ne wògblɔ nya aɖe ko la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Ke Yesu bɔbɔ ta tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nue ɖe anyigba." data/train/JHN/JHN_001_Verse_024.mp3,"Megbe o, ke boŋ eʋu eme na wo faa be, “Menye nyee nye Kristo la o.”" data/train/JHN/JHN_007_Verse_011.mp3,"Azɔ la, nenye be woate ŋu atso aʋa na ɖevi le Dzudzɔgbe dzi ale be womada le Mose ƒe se dzi o la, nu ka ta miele dɔmedzoe dom ɖe ŋunye be meda gbe le ameti blibo la ŋu le Dzudzɔgbe dzi?" data/train/JHN/JHN_017_Verse_014.mp3,"Kɔ wo ŋu kple nyateƒe la, elabena wò nya la nye nyateƒe." data/train/JHN/JHN_008_Verse_053.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye nye ŋutɔe le ɖokuinye kafum la, ekema nye kafukafu la menye naneke o. Fofonye, ame si miebe enye yewoƒe Mawu lae le kafuyem." data/train/JHN/JHN_006_Verse_004.mp3,"Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo si dɔm ɖa la hee ɖe ŋunye, eye le nuwuwuŋkeke la dzi la, mana ame siawo natsi tsitre." data/train/JHN/JHN_015_Verse_017.mp3,"Ne miewɔa se siwo mede na mi dzi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me abe ale si meɖo to Fofonye ƒe sededewo, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene." data/train/JHN/JHN_006_Verse_039.mp3,"Migawɔ dɔ ɖe nuɖuɖu si gblẽna la ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si kplɔa ame yina ɖe agbe mavɔ me si Nye, Amegbetɔ Vi la mana mi la ta. Eya dzie Mawu Fofo la da asi ɖo.”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_026.mp3,"“Miawo la, miedɔ amewo ɖo ɖe Yohanes gbɔ, eye eƒe ɖaseɖiɖi ɖo kpe nyateƒe la dzi." data/train/JHN/JHN_010_Verse_027.mp3,Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe ɖo anyi. Ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe aɖo anyi be magaxɔe. Sedede siae mexɔ tso Fofonye gbɔ.” data/train/JHN/JHN_019_Verse_018.mp3,"Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be, “Menyo be miavuvui o, ke boŋ mina miada akɔ, eye ame si ɖu dzi la naxɔe.” Esia va eme be wòawu ŋɔŋlɔ la nu be, “Woma nye awuwo na wo nɔewo, eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi.” Alea asrafoawo wɔ." data/train/JHN/JHN_008_Verse_016.mp3,"Eya ame si dɔm la li kplim; magblẽm ɖi o, elabena mewɔa eƒe lɔlɔ̃nu ɣe sia ɣi.”" data/train/JHN/JHN_004_Verse_038.mp3,"Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, vudo sia goglo, eye tsikunu mele asiwò be nàtsɔ aku tsii le eme o. Afi ka nèle agbetsi la kpɔ ge le?" data/train/JHN/JHN_007_Verse_028.mp3,"Le Yesu ƒe nya siawo ta la, Yudatɔwo ƒe amegãwo di be yewoalée, gake ame aɖeke mete ŋu ka asi eŋu o, elabena Mawu ƒe ɣeyiɣi si wòɖo la mede haɖe o." data/train/JHN/JHN_010_Verse_017.mp3,"Ke ame si toa agboa nu gena ɖe eme la, eyae nye alẽawo ƒe kplɔla." data/train/JHN/JHN_004_Verse_046.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòdɔm la wɔwɔ nu." data/train/JHN/JHN_018_Verse_033.mp3,"Yesu gblɔ be, “Megblɔe na mi be nyee nye esi. Nenye nye dim miele la, ekema mina ame siawo nadzo.”" data/train/JHN/JHN_009_Verse_006.mp3,"Azɔ egblɔ nɛ be, “Yi nàle tsi le Siloam Ta la me” (Siloam gɔmee nye, “Wodɔe ɖa”). Ŋkuagbãtɔ la yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu, wòkpɔ nu." data/train/JHN/JHN_017_Verse_015.mp3,"Medo gbe ɖa ɖe wo ta; nyemele gbe dom ɖa ɖe xexea me ta o. Ame siwo nètsɔ nam la tae medo gbe ɖa ɖo, elabena tɔwòwoe wonye." data/train/JHN/JHN_017_Verse_025.mp3,"Wometso xexea me o, abe ale si nye hã nyemetso xexea me o ene." data/train/JHN/JHN_021_Verse_017.mp3,"Yesu gabiae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m mahã?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro, elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èlɔ̃m mahã?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ènya nu sia nu, eye ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo." data/train/JHN/JHN_011_Verse_020.mp3,"Esia ta Yudatɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃e ɖa?”" data/train/JHN/JHN_020_Verse_024.mp3,"Wobiae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo?” Eɖo eŋu na wo be, “Wokɔ nye Aƒetɔ la dzoe, eye nyemenya afi si wokɔe da ɖo o.”" data/train/JHN/JHN_006_Verse_056.mp3,"Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ame sia ame nanɔ anyi.” Gbe sɔ gbɔ ɖe teƒe sia. Ale ame siwo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ (5,000) la nɔ anyi ɖe gbeawo dzi." data/train/JHN/JHN_002_Verse_009.mp3,"Esi Yesu tsi tsitre tso ame kukuwo dome la, nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia ɖi. Eye wokpɔe dze sii be nya siwo katã Yesu gblɔ tso mawunya me la ƒo nu tso eya ŋutɔ ŋu, eye wo katã va eme vavã." data/train/JHN/JHN_006_Verse_026.mp3,"Eye esiae nye ame si dɔm la ƒe lɔlɔ̃nu be magabu ame siwo wòtsɔ nam la dometɔ aɖeke o, ke boŋ be mana woatsi tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi." data/train/JHN/JHN_008_Verse_003.mp3,"Ameawo biae be, “Afi ka fofowòa le?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, mienya ame si menye o, eya ta mienya Fofonye hã o. Ne ɖe mienyam la, anye ne mienya Fofonye hã.”" data/train/JHN/JHN_001_Verse_035.mp3,"Nyateƒe gblɔm mele na wò be, èle dziƒo kpɔ ge wòaʋu, eye mawudɔlawo anɔ Amegbetɔ Vi la gbɔ vam, aganɔ dziƒo yim.”" data/train/JHN/JHN_004_Verse_035.mp3,"Nyɔnu la gblẽ eƒe tsize la ɖe vudoa to, eye wòtrɔ yi dua me ɖagblɔ na amewo be," data/train/JHN/JHN_004_Verse_032.mp3,“Miva kpɔ ŋutsu aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Ɖe manye eyae nye Kristo la oa?” data/train/JHN/JHN_020_Verse_027.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Esi nèkpɔm la, èxɔe se, ke woayra ame siwo mekpɔm o, gake woxɔ dzinye se.”" data/train/JHN/JHN_012_Verse_017.mp3,"Esi Yuda Iskariɔt, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, ame si fia Yesu yomemɔ emegbe la kpɔ nu sia la, egblɔ be," data/train/JHN/JHN_014_Verse_010.mp3,Mawɔ nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la na mi ale be Vi la nakɔ Fofo la ŋuti. data/train/JHN/JHN_005_Verse_009.mp3,"Enumake ŋutsu la ƒe lãme sẽ. Eŋlɔ eƒe aba la, eye wòzɔ azɔli. Dzudzɔgbe ŋkeke dzie Yesu wɔ nukunu sia le." data/train/JHN/JHN_014_Verse_013.mp3,“Mele nya siawo gblɔm na mi fifia esi megale mia gbɔ. data/train/JHN/JHN_015_Verse_018.mp3,"“Ne Nyaxɔɖeakɔla la, ame si madɔ ɖo ɖe mi tso Fofo la gbɔ, nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ si tso Fofo la gbɔ va la, aɖi ɖase tso ŋutinye." data/train/JHN/JHN_020_Verse_028.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ.”" data/train/JHN/JHN_003_Verse_019.mp3,"Ke Yohanes hã nɔ mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi sɔ gbɔ ɖe afi ma, eye amewo nɔ vavam enuenu be wòade mawutsi ta na yewo." data/train/JHN/JHN_021_Verse_012.mp3,"Nusrɔ̃la mamlɛawo nɔ ʋu la me dze eyome, eye wohe ɖɔ si yɔ fũu kple lã la, elabena gota medidi tso wo gbɔ o; anɔ abe mita alafa ɖeka ko ene." data/train/JHN/JHN_019_Verse_019.mp3,"eye wògage ɖe fiasã la me, eye wòbia Yesu be, “Afi ka nètso?” Gake Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o." data/train/JHN/JHN_006_Verse_001.mp3,"Abe ale si woŋlɔe ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene la, ‘Mawu afia nu wo katã.’ Ame siwo katã ɖo to Fofo la, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la vaa gbɔnye." data/train/JHN/JHN_003_Verse_021.mp3,Le esia ta megawɔ nuku na wò be megblɔ na wò be ele be woagbugbɔ wò adzi o. data/train/JHN/JHN_006_Verse_047.mp3,"Tso esia dzi la, eƒe nusrɔ̃la geɖewo trɔ dzo le egbɔ, eye womegadzea eyome o." data/train/JHN/JHN_013_Verse_036.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simɔn ƒe vi, Yuda Iskariɔt." data/train/JHN/JHN_011_Verse_045.mp3,"Wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kayafa, ame si nye nunɔlagã le ƒe ma me la tsi tsitre gblɔ be, “Mienya naneke o." data/train/JHN/JHN_006_Verse_042.mp3,"Nyee nye agbebolo si tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexea me ƒe agbe ta.”" data/train/JHN/JHN_011_Verse_027.mp3,"Èɖoa tom ɣe sia ɣi, gake mele esia gblɔm le ame siwo katã le afi sia ta, ne woaxɔe ase be wòe dɔm.”" data/train/JHN/JHN_015_Verse_009.mp3,Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mie ene. data/train/JHN/JHN_013_Verse_004.mp3,"Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, eʋuʋu le eɖokui me, eye wògblɔ be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖeka adem asi.”" data/train/JHN/JHN_013_Verse_026.mp3,"Simɔn Petro gblɔ be, “Aƒetɔ, ne ele nenema la, ekema menye nye afɔwo ko o, ke boŋ klɔ nye asiwo kple nye ta hã.”" data/train/JHN/JHN_010_Verse_009.mp3,"eye aleke woabu tso ame si ŋu Fofo la kɔ heɖoe ɖe xexea me ŋu? Ekema nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋunye be megblɔ busunya, elabena megblɔ be, ‘Menye Mawu ƒe Vi’?" data/train/JHN/JHN_001_Verse_028.mp3,"Nataniel gblɔ be, “Nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaretia?” Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Va kpɔe ɖa.”" data/train/JHN/JHN_019_Verse_000.mp3,"Abɔ aɖe te ɖe afi si woklã Yesu ɖe atitsoga ŋu ɖo la ŋu, eye yɔdo yeye aɖe si me womeɖi ame ɖo kpɔ o la li." data/train/JHN/JHN_014_Verse_027.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Filipo, ke va se ɖe fifi hã la, mènya ame si ƒomevi menye o. Ke esi meli kpli mi ŋkeke siawo katã hã mienyam kpɔ oa? Ame si kpɔm la, Fofo lae nye ema wòkpɔ. Ke nu ka ta miegale didim be, ‘Mafia Fofo la mi ɖo?’" data/train/JHN/JHN_017_Verse_021.mp3,Meɖe wò Ŋutikɔkɔe fia le anyigba dzi to dɔ siwo nède asi nam la nuwuwu me. data/train/JHN/JHN_006_Verse_052.mp3,"Yesu bia nya sia be yeatsɔ ado Filipo ƒe xɔse akpɔ, elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala." data/train/JHN/JHN_020_Verse_000.mp3,Ale Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ la tso kpla yi ɖe yɔdo la gbɔ. data/train/JHN/JHN_009_Verse_022.mp3,"Mlɔeba la, wogatrɔ ɖe ŋkuagbãtɔ la ŋu hebiae be, “Ame ka ƒomevi nèbu be enye? Wòe wòʋu ŋku na.” Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Nyagblɔɖila wònye.”" data/train/JHN/JHN_019_Verse_027.mp3,"Nikodemo, ame si va Yesu gbɔ le zã me la hã va kplii, eye wòtsɔ mire kple aloe siwo nye atike ʋeʋĩ tɔxɛ aɖe si ƒe home anɔ abe sidi blaadre-vɔ-atɔ̃ ene vɛ." data/train/JHN/JHN_004_Verse_033.mp3,"Nu ka ta mi Yudatɔwo miegblɔna be Yerusalem kokoko wòle be woasubɔ Mawu le, evɔ mí Samariatɔwo hã míebe ele be woasubɔ Mawu le to sia dzi, elabena afi siae mía tɔgbuiwo subɔ Mawu le?”" data/train/JHN/JHN_001_Verse_036.mp3,"Nye ŋutɔ nyemenya ame si wònye o, ke nye dɔ koe nye be made mawutsi ta na amewo kple tsi, atsɔ aɖee afia Israel dukɔ la.”" data/train/JHN/JHN_006_Verse_066.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la, miele diyem, menye ɖe esi miekpɔ nukunuwo ta o, ke boŋ le nuɖuɖu si mena mi etsɔ la ta." data/train/JHN/JHN_006_Verse_058.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, ne ame aɖe meɖu Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutilã, eye wòno eƒe ʋu o la, agbe manɔ eme o." data/train/JHN/JHN_011_Verse_013.mp3,"Esi wògblɔ nya sia vɔ la, eyi edzi be, “Mia xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm, eya ta meyina be maɖanyɔe.”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_010.mp3,"Esi wònɔ nu ƒom la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo kplɔ nyɔnu aɖe si wolé asiasii, wònɔ ahasi wɔm la vɛ, eye wokplɔe da ɖe ameawo ƒe titina," data/train/JHN/JHN_013_Verse_032.mp3,"Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi." data/train/JHN/JHN_007_Verse_053.mp3,Ɖe Mose metsɔ seawo na mi oa? Gake mia dometɔ aɖeke mewɔa Mose ƒe sewo dzi o. Ke nu ka ta miedi be yewoawum ɖo?” data/train/JHN/JHN_005_Verse_002.mp3,"Aleke miawɔ axɔ se ne miexɔ kafukafu tso mia nɔewo gbɔ, gake miedzea agbagba be yewoaxɔ kafukafu tso Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la gbɔ o?" data/train/JHN/JHN_005_Verse_030.mp3,"Ne miexɔ Mose dzi se la, miaxɔ nye hã dzinye ase, elabena Mose ŋlɔ nu tso ŋunye." data/train/JHN/JHN_016_Verse_013.mp3,"Gbɔgbɔ Kɔkɔe la aɖe nye ŋutikɔkɔe afia, elabena nu siwo katã wòagblɔ na mi la atso gbɔnye." data/train/JHN/JHN_004_Verse_044.mp3,"Yakob ƒe vudo la le afi sia. Vudo sia le anyigba si Yakob tsɔ na via Yosef la dzi. Le mɔ legbe si wòzɔ kple ɖeɖiteameŋu ta la, Yesu nɔ anyi ɖe vudoa gbɔ be yeadzudzɔ. Anɔ gaƒoƒo adelia me." data/train/JHN/JHN_008_Verse_017.mp3,"Eya ta ne mele nyateƒe la gblɔm na mi la, miexɔa dzinye sena o." data/train/JHN/JHN_007_Verse_007.mp3,"Ame lae nye esi le afii le mawunya gblɔm le dutoƒo, gake ame aɖeke mebia nya aɖekee o. Ɖe dumegãwo xɔe se mlɔeba be eyae nye Kristo la?" data/train/JHN/JHN_007_Verse_004.mp3,"Ame bubu aɖewo be, “Eyae nye Kristo la.” Ke ame bubu aɖewo bia be, “Ɖe Kristo la ate ŋu atso Galilea mahã?" data/train/JHN/JHN_017_Verse_008.mp3,"Esi menɔ wo gbɔ la, mekpɔ wo ta, eye mena be wole dedie to ŋkɔ si nènam la me. Wo dometɔ aɖeke mebu o, negbe wo dometɔ si woɖo be woatsrɔ̃ la ko, be ŋɔŋlɔ la nava eme." data/train/JHN/JHN_013_Verse_009.mp3,Ke ame siwo le kplɔ̃a ŋu la mese nya si Yesu gblɔ nɛ la gɔme o. data/train/JHN/JHN_010_Verse_022.mp3,"Ne menye Fofonye gbɔ nukunu siwo wɔm mele la tso o la, ekema migaxɔ dzinye se o." data/train/JHN/JHN_003_Verse_010.mp3,"Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ." data/train/JHN/JHN_017_Verse_023.mp3,"Nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye woawo mee woɖe nye Ŋutikɔkɔe fia le." data/train/JHN/JHN_020_Verse_013.mp3,kple taku si wotsɔ bla Yesu ƒe tae la; woxatsae nyuie tsɔ da ɖe yɔdo la ƒe axadzi. data/train/JHN/JHN_016_Verse_005.mp3,‘Esusɔ vie sia gɔme ɖe?’ Míese nya siwo gblɔm wòle la gɔme o.” data/train/JHN/JHN_009_Verse_027.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Nye la, ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexea me ɖo, be ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, eye ame siwo le nu kpɔm la nazu ŋkuagbãtɔwo.”" data/train/JHN/JHN_020_Verse_009.mp3,"Eƒu du yi Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ vevie la gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Wova ɖe Aƒetɔ la ƒe kukua le yɔdo la me, eye míenya afi si wokɔe yi ɖada ɖo o!”" data/train/JHN/JHN_004_Verse_009.mp3,"Esi wònɔ mɔa dzi yina la, eƒe dɔla aɖewo va kpee hegblɔ nɛ be via ƒe lãme sẽ." data/train/JHN/JHN_005_Verse_041.mp3,"Yohanes zu kekeli si klẽ na mi ɣeyiɣi aɖe, eye miekpɔ dzidzɔ le eƒe kekeli la ŋuti." data/train/JHN/JHN_018_Verse_012.mp3,Gake enye míaƒe kɔnu be maɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋuti na mi le Ŋutitotoŋkeke la dzi. Miedi be maɖe asi le ‘Yudatɔwo ƒe fia’ la ŋuti na mia?” data/train/JHN/JHN_013_Verse_030.mp3,Wobu be esi Yuda nye woƒe gadzikpɔla tae Yesu le edɔm be wòayi aɖaxe fe ɖe nu si ɖum yewole la ta loo alo wòayi aɖana ga ame dahewo. data/train/JHN/JHN_010_Verse_023.mp3,"Ne woyɔ mi be ‘mawuwo’ la, ame kawoe Mawu ƒe nya la va na, eye womate ŋu ada le mawunya la dzi o," data/train/JHN/JHN_005_Verse_024.mp3,"Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye eva hã xoxo, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo asee la anɔ agbe." data/train/JHN/JHN_008_Verse_044.mp3,"Yesu gagblɔ na wo be, “Miawo la, anyigba sia dzie mietso, ke nye la, dziƒoe metso. Miawo la, xexe sia me tɔwoe mienye, ke nye la, nyemetso xexe sia me o." data/train/JHN/JHN_006_Verse_012.mp3,"Azɔ Yudatɔwo de asi liʋĩliʋĩlilĩ me le eŋu, le esi wògblɔ be yee nye abolo si tso dziƒo va la ta." data/train/JHN/JHN_001_Verse_032.mp3,"Nusrɔ̃la eveawo se nya sia, eye wodze Yesu yome." data/train/JHN/JHN_009_Verse_019.mp3,Ke gbe si gbe Yesu nya anyi tsɔ ʋu ŋku nɛ la nye Dzudzɔgbe ŋkeke. data/train/JHN/JHN_002_Verse_013.mp3,"Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ.”" data/train/JHN/JHN_013_Verse_027.mp3,"Simɔn Petro wɔ dzesi nɛ gblɔ nɛ be, “Bia mía dometɔ si ŋuti wòle nu ƒom tsoe lae.”" data/train/JHN/JHN_017_Verse_001.mp3,"Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be wòanya wò Mawu vavã ɖeka hɔ̃ɔ la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexea me hã dzi ase." data/train/JHN/JHN_006_Verse_071.mp3,"“Ŋutsuvi aɖe le afi sia si si lubolo sue atɔ̃ kple tɔmelã meme eve le, gake nu ka esia ate ŋu awɔ le ameha gã sia ŋuti?”" data/train/JHN/JHN_001_Verse_019.mp3,"Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo," data/train/JHN/JHN_006_Verse_017.mp3,"Elabena nyemetso dziƒo va be mawɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu." data/train/JHN/JHN_005_Verse_004.mp3,"be amewo katã nade bubu eŋu abe ale si wodea bubu Fofo la ŋu ene. Ame si mede bubu Vi la ŋu o la, efia be mede bubu Fofo la, ame si dɔe la hã ŋu o." data/train/JHN/JHN_001_Verse_015.mp3,"Eya me agbe le, eye agbe siae nye amegbetɔwo ƒe kekeli." data/train/JHN/JHN_008_Verse_031.mp3,"Miawo la, miedrɔ̃a ʋɔnu le amegbetɔwo ƒe nugɔmesese nu. Nye la, nyemedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o." data/train/JHN/JHN_004_Verse_024.mp3,"Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Yi nàyɔ srɔ̃wò vɛ.”" data/train/JHN/JHN_014_Verse_000.mp3,"Ame si melɔ̃m o la mawɔ ɖe nye nufiafia dzi o. Nya siwo miese la, menye nye ŋutɔ tɔ o; Fofonye, ame si dɔm la ƒe nyawoe." data/train/JHN/JHN_011_Verse_037.mp3,"Megblɔ esia le eɖokui si o, ke boŋ abe nunɔlagã le ƒe ma me ene la, egblɔ nya ɖi be Yesu aku ɖe dukɔ la ta," data/train/JHN/JHN_008_Verse_018.mp3,"Eya ta ne Vi la na miekpɔ ablɔɖe la, ekema miezu ablɔɖeviwo vavã." data/train/JHN/JHN_005_Verse_040.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o; nu si wòwɔna la nye nu si wòkpɔ Fofoa wòle wɔwɔm la, elabena nu si Fofo la wɔ la, eyae Via hã wɔna." data/train/JHN/JHN_013_Verse_014.mp3,"Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be subɔla mekɔna wu eƒe aƒetɔ o, eye dɔtsɔla hã mewua ame si dɔe la o." data/train/JHN/JHN_011_Verse_010.mp3,"Esi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo se nya sia la, woyɔ Sahendriwo ƒe takpekpe. Wobia wo nɔewo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala? Elabena ame sia le nukunu geɖewo wɔm." data/train/JHN/JHN_003_Verse_023.mp3,"Mawu meɖo Via ɖa be wòava drɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be wòaɖe xexea me to edzi." data/train/JHN/JHN_005_Verse_022.mp3,"Gawu la, Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via," data/train/JHN/JHN_015_Verse_014.mp3,"Minɔ menye, eye nye hã manɔ mia me. Wainti ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o, eya ta miawo hã, nye manɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o." data/train/JHN/JHN_008_Verse_013.mp3,"Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, egabɔbɔ ta, eye wògade asi nua ŋɔŋlɔ me ɖe anyigba." data/train/JHN/JHN_013_Verse_018.mp3,"Ne woɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to edzi la, Mawu aɖe Via ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to eya ŋutɔ dzi, eye wòaɖe eƒe ŋutikɔkɔe la afia enumake." data/train/JHN/JHN_001_Verse_043.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Miva kpɔe ɖa.” Ale wokplɔe ɖo yi aƒe si me wònɔna la me, eye wonɔ egbɔ tso ɣetrɔ ga ene me va se ɖe fiẽ hafi dzo." data/train/JHN/JHN_011_Verse_007.mp3,"Esi Maria se nya sia la, etso enumake yi Yesu gbɔ." data/train/JHN/JHN_016_Verse_012.mp3,"Gbe ma gbe la, miagabia nanekem o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nu sia nu si miabia Fofo la le nye ŋkɔ me la, ana mi." data/train/JHN/JHN_004_Verse_049.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Nyɔnu, xɔ dzinye se be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, esi womagasubɔ Fofo la le to sia dzi alo le Yerusalem o." data/train/JHN/JHN_013_Verse_029.mp3,"“Vinye lɔlɔ̃awo, ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ene la, miadim, gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã la, miate ŋu ava o." data/train/JHN/JHN_016_Verse_008.mp3,"Fofo la gbɔe metso va xexea me, eye megatrɔ yina ɖe Fofo la gbɔ.”" data/train/JHN/JHN_009_Verse_018.mp3,"Gake míenya ale si wòwɔ hafi le nu kpɔm o, eye míenya ame si ʋu eƒe ŋkuwo nɛ o. Mibia eya ŋutɔ; etsi, ate ŋu aƒo nu, aɖe eɖokui nu.”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_026.mp3,"Menya be Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye. Gake miedi be yewoawum, elabena miexɔ nye nyawo dzi se o." data/train/JHN/JHN_004_Verse_052.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame sia ame si no tsi sia la, tsikɔ agawui, gake ame si ano tsi si manae la, tsikɔ magawui o." data/train/JHN/JHN_008_Verse_056.mp3,"Yudatɔwo gabiae be, “Mèxɔ ƒe blaatɔ̃ gɔ̃ hã haɖe o, eye nèle gbɔgblɔm be yekpɔ Abraham mahã?”" data/train/JHN/JHN_003_Verse_007.mp3,be ame sia ame si xɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ.” data/train/JHN/JHN_019_Verse_023.mp3,"Gake wodo ɣli sesĩe be, “Mikplɔe dzoe! Mikplɔe dzoe! Miklãe ɖe ati ŋuti!” Pilato bia wo be, “Maklã miaƒe fia la ɖe ati ŋua?” Nunɔlagãwo ɖo eŋu nɛ be, “Fia aɖeke mele mía si o, negbe Kaisaro ko.”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_000.mp3,"Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Ne miekɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi la, ekema mianya be, nyee nye ame si megblɔ be menye la, eye nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ nya siwo Fofo la fiam be magblɔ la." data/train/JHN/JHN_006_Verse_018.mp3,"Esi ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie vɔ la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Miƒo abolo wuwlui siwo katã susɔ la nu ƒu be womagaɖi vlo o.”" data/train/JHN/JHN_018_Verse_038.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Meƒo nu le dutoƒo na xexea me. Mefia nu edziedzi le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ la me, afi si Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo. Nyemegblɔ nya aɖeke le ɣaɣlaƒe o." data/train/JHN/JHN_011_Verse_017.mp3,"Esi Yudatɔ siwo va aƒea me be yewoafa akɔ na Maria la kpɔe wòtso kpla do go yina la, wobu be Lazaro ƒe yɔdo to wòyina be yeaɖafa avi, eya ta wokplɔe ɖo." data/train/JHN/JHN_007_Verse_026.mp3,"Ke Mose fia aʋatsotso mi, eye mietsoa aʋa na mia viwo le Dzudzɔgbe ŋkekea gɔ̃ hã dzi. (Ke menye Mosee to aʋatsotso vɛ o, ke boŋ edzɔ tso fofoawo dzi le blema.)" data/train/JHN/JHN_010_Verse_030.mp3,"“Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Menya nye alẽwo, eye nye alẽwo hã nyam," data/train/JHN/JHN_008_Verse_047.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Ɖe Mawu nye mia Fofo la, anye ne mialɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso va afi sia. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Mawue dɔm." data/train/JHN/JHN_007_Verse_031.mp3,"Mido ŋgɔ mianɔ yiyim faa. Ne ɣeyiɣi nyuitɔ ɖo nam ko la, nye hã madze mia yome.”" data/train/JHN/JHN_007_Verse_009.mp3,"Ame si le nu ƒom le eɖokui si la, ele kafukafu dim na eɖokui, gake ame si le didim be yeade bubu ame si dɔe ŋuti la, enye nyateƒetɔ, alakpa aɖeke mele eme o." data/train/JHN/JHN_006_Verse_046.mp3,"Togbɔ be mia fofowo ɖu mana si tso dziƒo hã la, woku." data/train/JHN/JHN_005_Verse_020.mp3,"gake menya mi, eye menya be Mawu ƒe lɔlɔ̃ mele miaƒe dziwo me o." data/train/JHN/JHN_012_Verse_001.mp3,"Ale woŋe deʋayawo ɖe asi yina be yewoakpee, eye wonɔ ɣli dom nɔ aseye tsom be, “Hosana!” “Yayratɔe nye ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Yayratɔe nye Israel ƒe fia la!”" data/train/JHN/JHN_012_Verse_003.mp3,"Ame si lɔ̃ eƒe agbe la, abui, ke ame si gbe nu le eƒe agbe gbɔ le xexe sia me, adzrae ɖo ɖi na agbe mavɔ la." data/train/JHN/JHN_011_Verse_033.mp3,"(Maria si kɔ amiʋeʋĩ ɖe Aƒetɔ ƒe afɔwo ta, eye wòtutui kple eƒe taɖa la nɔvie nye Lazaro si le dɔ lém la.)" data/train/JHN/JHN_001_Verse_004.mp3,"ame siwo womedzi tso ʋu alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me." data/train/JHN/JHN_021_Verse_011.mp3,"Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be, esi nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ èdoa awu hedoa go yia afi si nèlɔ̃ la, gake ne èku amegã la, àkɔ wò abɔwo dzi, eye ame bubu nado awu na wò, eye wòakplɔ wò ayi afi si mèdi be yeayi o la.”" data/train/JHN/JHN_010_Verse_029.mp3,“Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Alẽkplɔla nyui la tsɔ eƒe agbe na ɖe alẽawo ta. data/train/JHN/JHN_013_Verse_022.mp3,"Petro gabiae be, “Nu ka ta nyemate ŋu akplɔ wò ɖo fifia o? Nye la, mele klalo be mabu nye agbe ɖe tawò.”" data/train/JHN/JHN_006_Verse_036.mp3,"“Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, ame si xɔ dzinye se la, agbe mavɔ le esi!" data/train/JHN/JHN_019_Verse_002.mp3,"Afi siae woklã Yesu ɖe ati ŋu le, eye woklã adzodala eve hã ɖe eƒe axawo kple eve dzi, eye Yesu nɔ woƒe titina." data/train/JHN/JHN_014_Verse_018.mp3,"Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be, mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma." data/train/JHN/JHN_003_Verse_028.mp3,Nyaʋiʋli ɖo Yohanes ƒe nusrɔ̃la aɖewo kple Yudatɔwo dome tso Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔkɔnu la ŋu. data/train/JHN/JHN_012_Verse_014.mp3,"Esi ameha la se gbe sia la, wogblɔ be dziɖegbee; bubuwo gblɔ be mawudɔla aɖe ƒo nu nɛ." data/train/JHN/JHN_004_Verse_043.mp3,"togbɔ be menye Yesu ŋutɔe le mawutsi dem ta na amewo o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawoe." data/train/JHN/JHN_001_Verse_045.mp3,"Yohanes gagblɔ be, “Nye la, nyemenya be eyae nye amea o, gake esi Mawu ɖom ɖa be made mawutsi ta na amewo la, egblɔ nam be, ‘Ne èkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wòle ɖiɖim ɖe ame aɖe dzi la, nyae be eyae nye ame si dim nèle. Eyae ade mawutsi ta na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’" data/train/JHN/JHN_002_Verse_001.mp3,Azɔ tsizɔ ade nɔ teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe me. data/train/JHN/JHN_016_Verse_032.mp3,"Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be, “Azɔ la, èle nu ƒom na mí faa, menye le lododowo me o." data/train/JHN/JHN_019_Verse_039.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye nenye be womena wò tso dziƒo o, eya ta ame si kplɔm vɛ na wò la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ wu tɔwò.”" data/train/JHN/JHN_013_Verse_035.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èka ɖe edzi be àte ŋu abu wò agbe ɖe tanyea? Nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”" data/train/JHN/JHN_005_Verse_034.mp3,"Nyemexɔa amegbetɔ ƒe ɖaseɖiɖi o, gake megblɔe ko be miakpɔ ɖeɖe." data/train/JHN/JHN_010_Verse_021.mp3,"Ne mele nukunuwo wɔm, eye miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nukunu siwo mewɔ la dzi se, eye miadze sii be Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_034.mp3,Nu ka ta miele nye nyawo gɔme sem o ɖo? Elabena mieɖoa to nye nyawo o. data/train/JHN/JHN_012_Verse_048.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli la agaklẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Mizɔ le kekeli la me hafi viviti nagado ɖe mi. Ame si le viviti me zɔm la menya afi si yim wòle o." data/train/JHN/JHN_011_Verse_032.mp3,"Gake wo dometɔ aɖewo yi Farisitɔwo gbɔ, eye wogblɔ nu si Yesu wɔ la na wo." data/train/JHN/JHN_013_Verse_002.mp3,"Esi wòklɔ nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo vɔ la, etsɔ eƒe awu do, nɔ anyi eye wòbia wo be, “Miese nu si mewɔ na mi la gɔmea?" data/train/JHN/JHN_015_Verse_026.mp3,"Ɖe nyemeva gblɔ mawunya na wo o la, womabu fɔ wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta o, gake esi wose mawunya la ta la, taflatsedodo aɖeke meli na wo o." data/train/JHN/JHN_020_Verse_010.mp3,"kasia ekpɔ mawudɔla eve siwo nɔ awu ɣiwo me la le yɔdo la me wonɔ anyi ɖe teƒe si Yesu ƒe ŋutilã kukua nɔ; ɖeka nɔ tade, eye evelia nɔ afɔde." data/train/JHN/JHN_019_Verse_009.mp3,"Esi asrafoawo klã Yesu ɖe atia ŋu la, woma eƒe awuwo ɖe akpa ene me, eye woxɔe ɖekaɖekae, ke womema awutewui la ya o. Awu sia nye awu ʋlaya si wometɔ o, ke boŋ ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi." data/train/JHN/JHN_019_Verse_022.mp3,"Gake esi wòɖo Yesu dzi la, wokpɔ be eku xoxo, eya ta womeŋe eƒe afɔwo o." data/train/JHN/JHN_015_Verse_015.mp3,"Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be, ‘Subɔla mewua eƒe Aƒetɔ o.’ Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la, woaɖo to miawo hã." data/train/JHN/JHN_003_Verse_008.mp3,Elabena ame si Mawu ɖo ɖa gblɔa Mawu ƒe nyawo elabena Mawu na Gbɔgbɔ lae le agbɔsɔsɔ me. data/train/JHN/JHN_006_Verse_007.mp3,"Ame si ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la nye ame si le menye, eye nye hã mele eme." data/train/JHN/JHN_012_Verse_047.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gaƒoƒo la de be woakɔ Amegbetɔ Vi la ŋu." data/train/JHN/JHN_008_Verse_043.mp3,"Yesu fɔ ta dzi bia nyɔnu la be, “Afi ka ame siwo tsɔ nya ɖe ŋuwò la le? Wo dometɔ aɖeke meƒu kpe wò oa?”" data/train/JHN/JHN_018_Verse_039.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o. Ɖe nye fiaɖuƒe tso xexe sia me la, ne nye dɔlawo awɔ aʋa ɖe nunye be Yudatɔwo ƒe amegãwo malém o. Nye fiaɖuƒe tso teƒe bubu.”" data/train/JHN/JHN_014_Verse_014.mp3,"Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutifafa metsɔ na mi. Menye xexea me tɔ ƒomevi o. Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o, eye migavɔ̃ o." data/train/JHN/JHN_001_Verse_008.mp3,Ena yayra geɖe mí tso eƒe amenuveve sɔ gbɔ la me. data/train/JHN/JHN_006_Verse_023.mp3,"Esi Yesu fɔ ta dzi hekpɔ ameha gã aɖe wogbɔna va egbɔ la, ebia Filipo be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le ana ameha gã sia woaɖu?”" data/train/JHN/JHN_009_Verse_013.mp3,"Farisitɔ la hã biae be aleke wòwɔ hafi nèle nu kpɔm? Egblɔ na wo be, “Etsɔ ba sisi ɖe nye ŋkuwo dzi, eye meɖale tsi, eye nye ŋkuwo ʋu, eye mele nu kpɔm.”" data/train/JHN/JHN_015_Verse_004.mp3,"Esia wu nya si wogblɔ le se la me be, ‘Wolé fum dzodzro’ la nu." data/train/JHN/JHN_008_Verse_052.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, elabena menya afi si metso kple afi si meyina. Gake miawo la, mienya afi si metso alo afi si meyina o." data/train/JHN/JHN_006_Verse_065.mp3,"Yesu ɖo eŋu be, “Enye Mawu ƒe didi be miaxɔ ame si wòɖo ɖa la dzi ase.”" data/train/JHN/JHN_003_Verse_022.mp3,"Le nyateƒe me la, míeƒoa nu tso nu siwo míenya la ŋu, eye míeɖia ɖase tso nu siwo míekpɔ la ŋu, ke miexɔa míaƒe ɖaseɖiɖi o." data/train/JHN/JHN_018_Verse_022.mp3,"Pilato biae be, “Nu kae nye nyateƒe la?” Esi Pilato gblɔ nya sia la, egado go ɖagblɔ na Yudatɔwo be, “Nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le ame sia ŋu o." data/train/JHN/JHN_013_Verse_003.mp3,"Esi wòɖo Simɔn Petro dzi be wòaklɔ eƒe afɔwo nɛ la, Petro biae be, “Aƒetɔ, ɖe nèbe yeaklɔ nye afɔwoa?”" data/train/JHN/JHN_020_Verse_007.mp3,"Esi wògblɔ esia la, etsɔ eƒe asiwo kple axadame fia wo. Nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe esi wokpɔ Aƒetɔ la." data/train/JHN/JHN_013_Verse_034.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si le tsi xoxo la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ be eŋuti nakɔ nyuie. Mia ŋuti kɔ, gake menye mi katã ŋutie kɔ o.”" data/train/JHN/JHN_008_Verse_030.mp3,"Miawo la, Abosam ƒe viwoe mienye, eye miedina be yewoawɔ mia fofo ƒe didi. Amewula wònye tso gɔmedzedzea me ke, eye melɔ̃a nu si nye nyateƒe o. Nyateƒe aɖeke mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, egblɔnɛ ɖe wo de gbe me. Aʋatsotɔ kple aʋatsofofo wònye." data/train/JHN/JHN_003_Verse_000.mp3,"Abe ale si Mose kɔ akɔblida la ɖe dzi le gbea dzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzii," data/train/JHN/JHN_006_Verse_043.mp3,"Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, ame ka gbɔ míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò." data/train/JHN/JHN_006_Verse_029.mp3,"Gake abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene la, miekpɔm, gake miexɔ dzinye se o." data/train/JHN/JHN_009_Verse_033.mp3,"Zi ale si mele xexea me la, nyee nye xexea me ƒe kekeli la.”" data/train/JHN/JHN_020_Verse_004.mp3,"(Elabena va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, womese egɔme le mawunya me be Yesu atsi tsitre tso ame kukuwo dome o.)" data/train/JHN/JHN_012_Verse_030.mp3,"Ke hã la, Yudatɔwo ƒe dumegã geɖewo xɔ Yesu dzi se. Gake ɖe Farisitɔwo ta la, womete ŋu ʋu woƒe xɔse me o; wonɔ vɔvɔ̃m be woanya yewo le gbedoxɔ la me," data/train/JHN/JHN_009_Verse_024.mp3,"Wobia wo be, “Mia vie nye ame sia? Ŋkuagbãtɔe wònye hafi miedzia? Nenye be ele eme nenema ɖe, aleke wɔ wòle nu kpɔm fifia?”" data/train/JHN/JHN_014_Verse_016.mp3,"“Miese megblɔ be, ‘Madzo eye magatrɔ agbɔ va mia gbɔ.’ Ne mielɔ̃m la, dzi adzɔ mi be mele dzodzom yina ɖe Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum." data/train/JHN/JHN_012_Verse_015.mp3,"Esi wonɔ nu ɖum la, Maria tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe vɛ, eye wòsii na Yesu ƒe afɔwo, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Ami la ƒe ʋeʋẽ xɔ aƒe blibo la me." data/train/JHN/JHN_009_Verse_040.mp3,"Ŋutsu sia ƒe aƒelikawo kple ame siwo katã nyae tsã be nubiala wònye la bia wo nɔewo be, “Alo ɖe menye ŋkuagbãtɔ ma si nɔ nu biam lae nye esia oa?”" data/train/JHN/JHN_018_Verse_036.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Ne megblɔ nya vɔ̃ aɖe la, ekema tɔ asi nya vɔ̃ si megblɔ la dzi. Gake ne nyateƒe gblɔm mele la, nu ka ta nèƒom ɖo?”" data/train/JHN/JHN_011_Verse_021.mp3,"Eya ta nɔvinyɔnu siawo dɔ ame ɖo ɖe Yesu gblɔ be, “Aƒetɔ, ame si nèlɔ̃ vevie la le dɔ lém.”" data/train/JHN/JHN_012_Verse_023.mp3,Filipo hã ɖagblɔe na Andrea ale eya kple Andrea woyi ɖagblɔe na Yesu. data/train/JHN/JHN_005_Verse_013.mp3,"Esia ta, Yudatɔwo do dɔmedzoe ɖe eŋu. Wogblɔ na ame si ŋu woda gbe le la be, “Egbee nye Dzudzɔgbe, eya ta se la meɖe mɔ be nàlé wò aba ɖe asi o. Mɔɖeɖe hã meli be nàlé aba ɖe asi anɔ yiyim o!”" data/train/JHN/JHN_006_Verse_025.mp3,"Esi ŋu ke la, ameha si nɔ tsitre ɖe ƒu la ƒe go kemɛ dzi la de dzesii be ʋu ɖeka koe nɔ afi ma. Wokpɔ hã be, Yesu meɖo ʋu la kple eƒe nusrɔ̃lawo o, ke boŋ woawo ɖeɖe koe yi." data/train/JHN/JHN_005_Verse_012.mp3,"“Esia megawɔ nuku na mi o, elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna, esi ame kuku siwo le woƒe yɔdowo me la ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe," data/train/JHN/JHN_001_Verse_030.mp3,"Nu gbãtɔ si Andrea wɔ lae nye be edi nɔvia Simɔn, eye wògblɔ nɛ be, “Míekpɔ Mesia la” (si gɔmee nye Kristo)." data/train/JHN/JHN_003_Verse_030.mp3,"Ya ƒona yia teƒe ɖe sia ɖe si wòlɔ̃ la; àte ŋu ase eŋkɔ, gake màte ŋu agblɔ afi si wòtso alo afi si wòyina o. Nenema ke wònɔna na ame sia ame si wodzi to Gbɔgbɔ la me la.”" data/train/JHN/JHN_020_Verse_008.mp3,"Esi wòva la, nusrɔ̃la mamlɛawo gblɔ nɛ be, “Míekpɔ Aƒetɔ la.” Ke Toma gblɔ na wo be, “Va se ɖe esime metsɔ nye asibidɛ ƒo ɖe eƒe gatagbadzɛbiawo me, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe abi si le axadame nɛ me la, nyemaxɔe se o.”" data/train/JHN/JHN_017_Verse_005.mp3,"be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene. Na woawo hã nanɔ mía me, be xexea me naxɔe ase be wòe dɔm." data/train/JHN/JHN_009_Verse_017.mp3,"Farisitɔwo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ŋutsu sia metso Mawu gbɔ o, elabena mede bubu Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu o.” Ke bubuawo bia be, “Aleke nu vɔ̃ wɔla nate ŋu awɔ nukunu siawoe?” Ale mama ɖo wo dome." data/train/JHN/JHN_004_Verse_029.mp3,"Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”" data/train/JHN/JHN_015_Verse_007.mp3,Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu aɖe afia nɔvia lae nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe exɔlɔ̃wo ta. data/train/JHN/JHN_015_Verse_003.mp3,"Esia hea ŋutikɔkɔe vɛ na Fofonye, nenye be mietse ku geɖe, eye miefia mia ɖokuiwo abe nye nusrɔ̃lawo ene." data/train/JHN/JHN_004_Verse_006.mp3,"Elabena èɖe ŋutsu atɔ̃ kpɔ, eye ame si gbɔ nèle fifia hã la, menye srɔ̃wò wònye o.” Esia nye nyateƒe." data/train/JHN/JHN_006_Verse_015.mp3,"Elabena Fofonye ƒe lɔlɔ̃nue nye be ame sia ame si kpɔa Via dzi, eye wòxɔ edzi se la, akpɔ agbe mavɔ, eye mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.”" data/train/JHN/JHN_012_Verse_043.mp3,"Yesaya gblɔ esia, elabena ekpɔ Yesu ƒe ŋutikɔkɔe, eye wòƒo nu tso eŋu." data/train/JHN/JHN_004_Verse_007.mp3,Enɔ na Yesu be wòato Samaria hafi ayi Galilea. data/train/JHN/JHN_006_Verse_057.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, menye Mosee na abolo tso dziƒo mi o, ke boŋ Fofonyee." data/train/JHN/JHN_007_Verse_002.mp3,Ale Yesu tsi Galilea le ŋkeke mawo me. data/train/JHN/JHN_001_Verse_029.mp3,"Nataniel gblɔ be, “Nufiala, wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã. Wòe nye Israel ƒe fia la!”" data/train/JHN/JHN_009_Verse_015.mp3,"Farisitɔawo de asi ŋutsu la dzudzu me hegblɔ be, “Wò la, ŋutsu sia ƒe nusrɔ̃lae nènye, ke míawo la, Mose ƒe nusrɔ̃lawoe míenye." data/train/JHN/JHN_015_Verse_021.mp3,"“Nyee nye wainti la, eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye, eye nye hã mele eme la, atse ku nyui geɖe, elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke o." data/train/ISA/ISA_007_Verse_012.mp3,"Gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ nyuie, lé dzi ɖe ƒo, eye mègavɔ̃ o. Dzi megaɖe le ƒo wò le dzoti takpo eve siawo, Rezin kple Siria kpakple Remalia ƒe vi ƒe dziku sesẽ la ta o." data/train/ISA/ISA_028_Verse_001.mp3,“Ame ka wòle didim be yeafia nue? Ame ka wòle eƒe gbedeasi la me ɖem na? Ɖevi siwo si woxɔ no le la loo alo vidzĩ siwo woɖe le no nua? data/train/ISA/ISA_065_Verse_024.mp3,"Ŋkeke blibo la katã mekeke nye abɔwo me na dukɔ sẽto, ame siwo zɔna le mɔ manyomanyowo dzi hedzea wo ŋutɔ ƒe susuwo yome la." data/train/ISA/ISA_037_Verse_020.mp3,"“Maʋli du sia ta aɖee le nye ŋutɔ kple David, nye dɔla ta!”" data/train/ISA/ISA_037_Verse_012.mp3,"Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye, eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la, matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò, made numega nu me na wò, eye mana mɔ si nèto va la nàgato eya ke dzi adzo." data/train/ISA/ISA_016_Verse_011.mp3,"Woaɖo fiazikpui anyi le lɔlɔ̃ me. Ŋutsu aɖe si atso David ƒe aƒe me la, anɔ edzi le nuteƒewɔwɔ me. Ame sia adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòado dzɔdzɔenyenye ɖe ŋgɔ." data/train/ISA/ISA_010_Verse_017.mp3,"Ke menye esiae nye eƒe susu o, menye esia bum wòle o, eƒe taɖodzinue nye be yeagblẽ nu, eye yeahe dukɔ geɖewo ƒe nuwuwu vɛ." data/train/ISA/ISA_018_Verse_002.mp3,"Elabena hafi nuŋeɣi nava yi ne seƒoƒowo hã nava yi, eye seƒoƒowo nazu wain ɖiɖi la, matsɔ hɛ̃ gobɛ la alã alɔawoe aƒu gbe." data/train/ISA/ISA_005_Verse_021.mp3,"Israel ƒe aƒee nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe waingble, eye Yuda ŋutsuwoe nye eƒe dzidzɔ ƒe wainka siwo wòdo. Ekpɔ mɔ na afia nyui tsotso, ke ʋukɔkɔɖi wòkpɔ; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifavi koe ɖi." data/train/ISA/ISA_041_Verse_011.mp3,"Ke miele naneke hã me o, eye miaƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me kura o. Ame si tia mi la zu ŋunyɔnu." data/train/ISA/ISA_023_Verse_018.mp3,"Ŋu nekpe wò, O! Sidon, wò mɔ sesẽ si le ƒuta, elabena atsiaƒu gblɔ na wò be, “Nyemelé ku kpɔ alo dzi vi kpɔ o. Nyemenyi ŋutsuviwo alo nyɔnuviwo kpɔ o.”" data/train/ISA/ISA_027_Verse_006.mp3,Nye Yehowae kpɔa edzi. Medea tsii ɣe sia ɣi. Medzɔa eŋu zã kple keli be ame aɖeke magagblẽe o. data/train/ISA/ISA_002_Verse_014.mp3,"woabɔbɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔwo kple gli sesẽwo ɖe anyi," data/train/ISA/ISA_052_Verse_004.mp3,"eya ta nye dukɔ anya nye ŋkɔ, eye le ŋkeke ma dzi la, woanya be nyee gblɔe da ɖi. Ɛ̃, be nyee.”" data/train/ISA/ISA_024_Verse_019.mp3,"Woaɖi gbɔlo anyigba la ƒiaƒiaƒia, eye woahae keŋkeŋ. Yehowae gblɔ nya sia." data/train/ISA/ISA_036_Verse_014.mp3,"“Migana Hezekia nable mi esi wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi’ o. Ɖe dukɔ aɖe ƒe Mawu te ŋu ɖe eƒe anyigba tso Asiria fia ƒe asi me kpɔa?" data/train/ISA/ISA_063_Verse_017.mp3,"Tɔwòwoe míenye tso blema ke, gake woawo la, mèɖu fia ɖe wo dzi kpɔ o, eye womeyɔ wò ŋkɔ hã ɖe wo ŋu kpɔ o." data/train/ISA/ISA_048_Verse_013.mp3,"“Mite ɖe ŋunye kpokploe ne miaɖo to nya sia, nyemeƒo nu le bebeme o.” Esi wòva eme la, menɔ afi ma? Azɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la dɔm kple eƒe Gbɔgbɔ." data/train/ISA/ISA_019_Verse_006.mp3,"Le ŋkeke ma me la, woado mɔ gã aɖe ɖe Egipte kple Asiria dome, Asiriatɔwo azɔ edzi ayi Egipte, Egiptetɔwo hã azɔ edzi ayi Asiria, eye wo kple eve la woasubɔ ɖekae." data/train/ISA/ISA_046_Verse_005.mp3,"“Mi aglãdzelawo, miɖo ŋku edzi, milée ɖe susu me, eye wòanɔ dzi me na mi." data/train/ISA/ISA_020_Verse_000.mp3,"Ame siwo ɖo ŋu ɖe Kus ŋu, eye wotsɔa Egipte ƒoa adegbee la, woavɔ, eye ŋu akpe wo." data/train/ISA/ISA_020_Verse_006.mp3,"ɣe ma ɣi Yehowa gblɔ na Amoz ƒe vi, Yesaya, be, “Ɖe wò akpanya si nèta la da ɖi, eye nàɖe afɔkpawo le wò afɔ.” Ale Yesaya wɔ nenema; eɖe amama, eye wònɔ afɔ ƒuƒlu zɔm nɔ yiyim." data/train/ISA/ISA_026_Verse_003.mp3,"Azɔ la woku, womegale agbe o; ame siwo ku ƒe gbɔgbɔ matsi tsitre o; èhe to na wo, èna gbegblẽ va wo dzi, eye nèɖe woƒe ŋkɔwo ɖa be womagaɖo ŋku wo dzi o." data/train/ISA/ISA_050_Verse_006.mp3,"Esi Aƒetɔ Yehowa, kpena ɖe ŋunye ta la, ŋu makpem o, eya ta mewɔ nye mo wòse abe hlihakpe ene, eye menya be ŋu makpem o." data/train/ISA/ISA_066_Verse_005.mp3,"elabena miano eƒe akɔfafa ƒe no, eye miaɖi kɔ. Mianoe fũu, eye ale si notsi la le dodom bababa la, ana miaƒe dziwo nadze eme.”" data/train/ISA/ISA_040_Verse_018.mp3,"Kɔkɔetɔ la be, “Ame ka miatsɔm asɔ kplii alo ame kae sɔ kplim?”" data/train/ISA/ISA_019_Verse_000.mp3,"Afi ka miaƒe nunyalawo le azɔ. Wonegblɔ nu siwo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ɖo ɖe Egipte ŋu la na mí." data/train/ISA/ISA_040_Verse_030.mp3,Ɖe mènyae oa? Ɖe mèsee oa? Yehowae nye Mawu mavɔtɔ la. Eyae nye anyigba ƒe seƒe ke Wɔla. Ɖeɖi metea eŋu alo nu tia kɔ nɛ o. Eƒe nugɔmesese goglo. Ame aɖeke mate ŋu adzro eme akpɔ o. data/train/ISA/ISA_057_Verse_003.mp3,"Ame siwo zɔna le dzɔdzɔenyenye me la yina ɖe ŋutifafa me, le ku me ke hã, wodzudzɔna." data/train/ISA/ISA_045_Verse_020.mp3,Nyee nye Yehowa. Bubu aɖeke megali o. Mawu bubu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o. Mado ŋusẽ wò togbɔ be mèdze sim o hã. data/train/ISA/ISA_019_Verse_023.mp3,"Ɖetitrelawo abu mɔkpɔkpɔ, nenema kee nye aklalavɔ biɖibiɖiwo lɔ̃lawo hã." data/train/ISA/ISA_010_Verse_034.mp3,ɖe nyemawɔ Yerusalem kple eƒe legbawo abe ale si mewɔ Samaria kple eƒe legbawoe ene oa?’ ” data/train/ISA/ISA_002_Verse_009.mp3,"Le ŋkeke mamlɛawo me la, woaɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi ɖe eƒe to la dzi, be wòanye to si aƒo towo katã ta, woakɔe ɖe dzi wòagbɔ togbɛwo katã ta, eye xexemedukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu." data/train/ISA/ISA_030_Verse_009.mp3,"Eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ le sisim abe tɔʋu si ɖɔ va se ɖe ve ke ene. Etsraa dukɔwo le gbegblẽ ƒe tsranui me, eye wòtsɔ numega de nu me na dukɔwo hekplɔa wo tranae." data/train/ISA/ISA_045_Verse_000.mp3,"Aklamakpakpɛwɔlawo katã aɖu ŋukpe, eye woakpɔ vlododo. Wo katã woaɖu ŋukpe." data/train/ISA/ISA_036_Verse_019.mp3,"Tete Hilkia ƒe vi, Eliakim, fiasã la dɔdzikpɔla, agbalẽŋlɔla Sebna kple Asaf ƒe vi, Yoa, si nye nuŋlɔla la dze awu le wo ɖokuiwo ŋu heyi Fia Hezekia gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã aʋafiagã la gblɔ la nɛ." data/train/ISA/ISA_028_Verse_018.mp3,"Ne edzra anyigba ɖo vɔ la, ɖe meƒãa sikɔni kple adrike, lu kple ƒo ɖe agbakawo me, eye woƒãa bli ɖe agbleliƒowo dzi oa?" data/train/ISA/ISA_038_Verse_002.mp3,"Elabena yɔdo mate ŋu akafu wò o, ku mate ŋu adzi kafukafuhawo na wò o, eye ame siwo yi aʋlime la mate ŋu akpɔ mɔ na wò nuteƒewɔwɔ o." data/train/ISA/ISA_036_Verse_015.mp3,"Migana Hezekia nable mia nu be, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, esime wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi godoo; womatsɔ du sia ade asi na Asiria fia o.’" data/train/ISA/ISA_063_Verse_013.mp3,Nu ka ta wò awuwo biã abe ame si le wain fiam la tɔwo ene? data/train/ISA/ISA_019_Verse_009.mp3,"Le ɣe ma ɣi la, du gã atɔ̃ le Egiptenyigba dzi atrɔ adze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la yome, eye woasrɔ̃ Hebrigbe agblɔ. Woayɔ du siawo dometɔ ɖeka be Heliopolis, Ɣekeklẽdu." data/train/ISA/ISA_063_Verse_003.mp3,"Bi kɔ tso dziƒo, eye nàkpɔ nu tso wò ŋutikɔkɔefiazikpui kɔkɔ la dzi. Afi ka wò ŋuʋaʋã kple ŋusẽ la le? Woɣla wò bɔbɔenyenye kple wò dɔmetɔtrɔ ɖe mí," data/train/ISA/ISA_028_Verse_006.mp3,"Ele ale; se ɖe se dzi, se ɖe se dzi. Ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi; afii ʋɛe, afi mɛ hã ʋɛe.”" data/train/ISA/ISA_026_Verse_001.mp3,"Ame dzɔdzɔe ƒe mɔ dzi le zɔzrɔ̃e; O! Azɔ, wòe wɔ ame dzɔdzɔe ƒe mɔ wòzrɔ̃." data/train/ISA/ISA_005_Verse_004.mp3,"Azɔ magblɔ nu si wɔ ge mala nye waingble la na mi. Magbã kpɔ ɖa le eŋuti, eye lãwo aɖui. Magbã gli le eŋu ne amewo nafanyae." data/train/ISA/ISA_002_Verse_010.mp3,"Miyi ɖe ŋɔdzigadowo me, mibe ɖe anyigba ƒe tume tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe ŋutikɔkɔe gbɔ!" data/train/ISA/ISA_009_Verse_019.mp3,"Woavuvu nu le ɖusime, gake dɔ aganɔ wo wum, woaɖu nu le miame, gake womaɖi ƒo o. Ame sia ame aɖu eya ŋutɔ ƒe dɔmevi ƒe lã." data/train/ISA/ISA_014_Verse_021.mp3,"Mi Filistitɔwo, migakpɔ dzidzɔ be ameƒoti si wotsɔ ƒo mi la ŋe o, elabena da vɔ̃ɖi ado tso da ma ke me, eye eƒe metsonu nye da vɔ̃ɖi si noa aɖi, eƒe kutsetse anye da to aʋala si yɔ fũu kple aɖi." data/train/ISA/ISA_001_Verse_027.mp3,"Woaɖe Zion kple afia nyui tsotso, eye woaɖe eƒe dzimetrɔlawo kple dzɔdzɔenyenye." data/train/ISA/ISA_034_Verse_004.mp3,"Edzidze woƒe gomekpɔkpɔwo na wo. Eƒe asie wòtsɔ ma nu si wòdzidze la na wo. Azu wo tɔ tegbee, eye woanɔ afi ma tso dzidzime yi dzidzime." data/train/ISA/ISA_028_Verse_029.mp3,"Ɖe sia ɖe nyo, Mawu aƒo nu kple dukɔ sia to nuyi kple aɖe tutɔwo dzi," data/train/ISA/ISA_009_Verse_004.mp3,"“Anyikpewo mu dze anyi, gake míagbugbɔ wo atu kple kpe tɔxɛwo; wotso gbotiwo ƒu anyi, ke míado sedatiwo ɖe wo teƒe”," data/train/ISA/ISA_051_Verse_020.mp3,"Yehowa afa akɔ na Zion godoo, eye anye kɔ akpɔ eƒe gli gbagbãwo kple dɔmetɔtrɔ. Atrɔ eƒe gbegbe wòazu Edenbɔ, eƒe kuɖinyigbawo abe Yehowa ƒe abɔ ene. Dzidzɔ kple vivisese anɔ afi ma eye akpedada kple hadzidzi hã anɔ afi ma." data/train/ISA/ISA_057_Verse_010.mp3,"“Ke mite va afii, mi nyɔnunukala ƒe viwo. Mi ahasitɔwo kple gbolowo ƒe dzidzimeviwo!" data/train/ISA/ISA_022_Verse_015.mp3,Maƒoe ɖe to abe tsyoti ene le teƒe sesẽ aɖe. Anye fiazikpui si ŋu bubu le na fofoa ƒe aƒe. data/train/ISA/ISA_007_Verse_022.mp3,"Yehowa gblɔ na Yesaya be, “Wò kple viwò ŋutsu, Seya Yasub, mido go ne miakpe Ahaz le dzigbeta si le avɔnyala ƒe mɔdzi la ƒe nuwuƒe." data/train/ISA/ISA_005_Verse_018.mp3,"Eya ta nye amewo ayi ɖe aboyome le nugɔmemasemase ta; dɔwuame awu woƒe ame ŋkutawo, eye tsikɔ awu ame haho la." data/train/ISA/ISA_030_Verse_017.mp3,"Mietrɔ ɖe ɖusime o, mietrɔ ɖe miame o, miase nya siawo le miaƒe megbe be, “Esiae nye mɔ la, mizɔ edzi.”" data/train/ISA/ISA_022_Verse_000.mp3,"Ale Aƒetɔ la ɖe Yuda ƒe akpoxɔnuwo katã ɖa, eye Yuda di xɔ si wotu ɖe ave me, si me aʋawɔnuwo nɔ la vevie gbe ma gbe." data/train/ISA/ISA_057_Verse_015.mp3,"Ne miedo ɣli be woakpe ɖe mia ŋu la, ekema mina miaƒe legba gbogboawo naxɔ na mi! Ya akplɔ wo katã adzoe, ne woɖo ƒuƒu teti ɖe wo la, wo katã woaƒo ya adzo; ke ame si tsɔm wɔ eƒe sitsoƒee la, anyi anyigba la ƒe dome, eye wòaxɔ nye to kɔkɔe la wòanye etɔ.”" data/train/ISA/ISA_053_Verse_010.mp3,"Wotee ɖe to, eye wòkpe fu, gake meke nu o. Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge. Ezi ɖoɖoe kpoo abe alẽ si le eƒe fukolawo ŋkume la ene, eye meke nu o." data/train/ISA/ISA_044_Verse_009.mp3,"Ame siwo katã ha legbawo la, mele ɖeke me o, eye nu siwo ŋu wode asixɔxɔe la nye tofloko. Ame siwo ƒoa nu ɖe wo nu la nye ŋkugbagbãtɔwo, numanyala siwo menya ŋukpe o." data/train/ISA/ISA_041_Verse_024.mp3,"Nyee nye ame gbãtɔ si gblɔe na Zion be, ‘Kpɔ ɖa, wole afii!’ Meɖo nyanyuigblɔla ɖe Yerusalem." data/train/ISA/ISA_065_Verse_020.mp3,"Woatu xɔwo anɔ wo me. Woade waingble, eye woaɖu eme kutsetse." data/train/ISA/ISA_017_Verse_011.mp3,"Womagatrɔ ɖe woƒe vɔsamlekpui siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple woƒe asiwo la ŋu o, eye womagabu aƒeli kple ɣelégba siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple woƒe asiwo la o." data/train/ISA/ISA_007_Verse_020.mp3,Yehowa ana be ŋɔdzinu si tɔgbi medzɔ kpɔ tso keke esime Efraim ma ɖa tso Yuda gbɔ o la nadzɔ ɖe wò kple wò amewo kple fofowò ƒe aƒe dzi. Akplɔ Asiria fia aƒu wò.” data/train/ISA/ISA_026_Verse_015.mp3,"O! Yehowa, wò abɔ de dzi bobobo, gake womekpɔe o. Na woakpɔ ale si nètsɔ dzo ɖe wò amewo ŋuti ne ŋu nakpe wo; na be dzo si nèdzra ɖo ɖi na wò futɔwo la nava fia wo." data/train/ISA/ISA_002_Verse_005.mp3,"eya ta woaɖiɖi ame ɖe anyi eye woabɔbɔ amegbetɔƒomea ɖe anyi, mègatsɔe ke wo o." data/train/ISA/ISA_018_Verse_007.mp3,"Ɣe ma ɣi la, dukɔ si dzɔ atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre, dukɔ si wovɔ̃na le didiƒe ke, dukɔ si kli tsu, eye wònyaa avuzi le ame dzi, dukɔ si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi la, ahe nunanawo vɛ na Yehowa le Zion to la gbɔ, afi si wosubɔnɛ le." data/train/ISA/ISA_046_Verse_012.mp3,"Wotsɔnɛ ɖoa abɔta henɔa yiyim kplii. Wotsɔnɛ ɖoa enɔƒe, eye afi ma ko wònɔa tsitre ɖo. Metea ŋu ɖea zɔ yia teƒe bubu o. Togbɔ be wodoa ɣli nɛ hã la, meɖoa nya ŋu na wo o, eye metea ŋu ɖea wo le woƒe xaxawo me hã o." data/train/ISA/ISA_037_Verse_008.mp3,"Emegbe la, Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ." data/train/ISA/ISA_055_Verse_005.mp3,"Le nyateƒe me, miayɔ dukɔ siwo mienya o la aƒo ƒu, eye dukɔ siwo mienya o la aɖe abla ava mia gbɔ le Yehowa, miaƒe Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ta, elabena eyae ɖo atsyɔ̃ na mi!”" data/train/ISA/ISA_040_Verse_023.mp3,"Nu tia kɔ na sɔhɛwo gɔ̃ hã, eye wogbɔdzɔna. Nenema ke ŋusẽ vɔna le ɖekakpuiwo ŋu, eye wodzea anyi," data/train/ISA/ISA_010_Verse_006.mp3,"Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ahe tsɔtsrɔ̃ si wòɖo ɖi kplikpaa la ava anyigba blibo la dzi." data/train/ISA/ISA_040_Verse_019.mp3,"Lebanon ƒe avemetiwo mesɔ gbɔ woatsɔ awɔ nakee ado dzoe le vɔsamlekpui dzi o, eye eƒe lãhawo hã mesɔ gbɔ ade numevɔsawo nu o." data/train/ISA/ISA_024_Verse_005.mp3,"Anyigba wó, anyigba fe kpla, anyigba ʋuʋu sesĩe." data/train/ISA/ISA_065_Verse_013.mp3,"Matɔ hafi woayɔm. Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee." data/train/ISA/ISA_009_Verse_012.mp3,"Gake ame siawo metrɔ ɖe ame si ƒo wo la ŋu o, wogbe be yewomadi Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la yomemɔ o." data/train/ISA/ISA_009_Verse_015.mp3,"Manase aɖu Efraim, eye Efraim aɖu Manase, wo kple eve la siaa woatso ɖe Yuda ŋu. Le esiawo katã megbe hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu metsi o, eye eƒe alɔ gale dzi ko." data/train/ISA/ISA_034_Verse_009.mp3,"Naneke maganɔ anyi na woƒe bubumewo, woayɔ be fiaɖuƒe o. Woƒe dumegãwo hã nu ava ayi." data/train/ISA/ISA_059_Verse_017.mp3,"Yehowa be, “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wo. Nye Gbɔgbɔ si le dziwò, nye nya siwo metsɔ de nuwò la madzo le nuwò alo le viwòwo ƒe nu alo le wò dzidzimeviwo ƒe nu tso azɔ dzi yi ɖe mavɔ me o,” Yehowae gblɔe." data/train/ISA/ISA_026_Verse_009.mp3,"Ke ame siwo ku le mewò la anɔ agbe; woƒe ŋutilãwo atsi tsitre. Mi ame siwo mlɔ ke me, minyɔ, eye miado dzidzɔɣli. Miaƒe ahũ le abe esi dzana le ŋdi la ene. Anyigba aɖe eƒe ame siwo ku la ɖe go." data/train/ISA/ISA_015_Verse_006.mp3,"Wò ame siwo le Dibon la lũ ta kolikoli, eye wolũ woƒe ge hã hele konyi fam vevie, eye woyi ɖe woƒe mawu Nebo kple Medeba ƒe gbedoxɔwo me ne woafa na wo." data/train/ISA/ISA_064_Verse_001.mp3,"Ame aɖeke meyɔa wò ŋkɔ alo dzea agbagba be wòaku ɖe ŋuwò o, elabena èɣla wò mo ɖe mí, eye le míaƒe nu vɔ̃wo ta la, èna míevɔ le eme keŋkeŋ," data/train/ISA/ISA_049_Verse_018.mp3,"Mifɔ mo dzi, eye miatsa ŋku godoo. Mia viŋutsuwo katã aƒo ƒu ava mia gbɔ, zi ale si mele agbe.” Yehowae gblɔe. “Miado wo abe ale si wodoa atsyɔ̃ɖonuwoe ene, eye miatsɔ wo ado abe ale si ŋugbetɔ doa nu ene." data/train/ISA/ISA_009_Verse_020.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔmedzoe na dzo ƒo anyigba, eye dukɔ la anye dzodonu, ame aɖeke makpɔ nɔvia ta o." data/train/ISA/ISA_030_Verse_000.mp3,"Adɔ tsidzadza ɖa be wòade tsi nuku siwo mieƒã ɖe agble me. Nuɖuɖu si ado tso miaƒe agble me la anyo, eye wòasɔ gbɔ fũu. Le ŋkeke ma dzi la, wò nyihawo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo." data/train/ISA/ISA_036_Verse_003.mp3,"Aʋafiagã Rabsaki ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wobe miaƒe amegã kple miawo gbɔ ko nye amegã ɖom ɖo be magblɔ nya siawo na, eye ame siwo le glia dzi la mele eme oa? Woawo kple miawo siaa, miaɖu miawo ŋutɔ ƒe afɔdzi, eye miano miawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ.”" data/train/ISA/ISA_047_Verse_005.mp3,"Esiawo kple evea katã ava dziwò le aɖabaƒoƒo ɖeka me le ŋkeke ɖeka dzi. Viwòwo atsrɔ̃, eye nàzu ahosi. Wo katã woava dziwò pɛpɛpɛ togbɔ be afakalawo kple gbesa sesẽ geɖewo le asiwò hã." data/train/ISA/ISA_007_Verse_024.mp3,"Ɖe nyinotsi gbogbo si wonana ta la, ame sia ame akpɔ nyinotsi babla aɖu. Ame siwo katã susɔ ɖe anyigba la dzi la, aɖu nyinotsi kpekẽ la, eye woano anyitsi hã." data/train/ISA/ISA_032_Verse_001.mp3,Ame ɖe sia ɖe anɔ abe bebeƒe le yaƒoƒo nu kple sitsoƒe le ahom me ene. Anɔ abe tɔsisiwo le gbegbe kple agakpe ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene. data/train/ISA/ISA_045_Verse_011.mp3,"Le Yakob, nye dɔla kple Israel, nye ame tiatia ta la, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe heda bubuŋkɔ ɖe dziwò, togbɔ be mèdze sim o hã." data/train/ISA/ISA_024_Verse_004.mp3,"Anyigba le mumum sɔgɔsɔgɔ abe ahanomunɔtɔ ene, ele ʋuʋum abe agbadɔ si me ya ɖo ene, elabena anyigbadzinɔlawo ƒe aglãdzedze ƒe nu vɔ̃wo le ekpem ale gbegbe be adze anyi, eye magafɔ gbeɖe o." data/train/ISA/ISA_063_Verse_012.mp3,"Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli ana kpekpeɖeŋu o. Nye mo wɔ yaa be ame aɖeke meva na kpekpeɖeŋu o. Tete nye ŋutɔ nye abɔ xɔ nam, eye nye dɔmedzoe lém ɖe te." data/train/ISA/ISA_051_Verse_021.mp3,"Yehowa ƒe ame siwo woɖe la atrɔ agbɔ. Woage ɖe Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔkpɔkpɔ anye fiakuku anɔ woƒe tawo dzi. Vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo." data/train/ISA/ISA_032_Verse_012.mp3,"Mɔ sesẽwo aɖi gbɔlo. Du si me hoowɔwɔ nɔ la, azu aƒedo. Xɔ tsralawo kple gbetakpɔxɔwo azu abe agado ene tegbetegbe anye dzidzɔ na tedziwo kple gbeɖuƒe na lãhawo" data/train/ISA/ISA_003_Verse_020.mp3,Yehowa nɔ anyi ɖe enɔƒe le ʋɔnu. Etso be wòadrɔ̃ ʋɔnu ameawo. data/train/ISA/ISA_048_Verse_020.mp3,"Wò dzidzimeviwo ɖe woasɔ gbɔ abe ke ene, eye viwòwo abe ƒutake si womate ŋu axlẽ o la ene. Womaɖe woƒe ŋkɔwo ɖa loo alo woatsrɔ̃ le ŋkunye me o.”" data/train/ISA/ISA_046_Verse_003.mp3,"Metsɔ nye dzɔdzɔenyenye gbɔnae be wòate ɖe mia ŋu. Manɔ adzɔge tso mia gbɔ o, eye nye ɖeɖe mahe ɖe megbe o. Mana ɖeɖe nado na Zion, eye nye atsyɔ̃ anɔ Israel ŋu.”" data/train/ISA/ISA_019_Verse_003.mp3,"Esiae nye dzesi kple ŋkuɖodzi na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, le Egiptenyigba dzi. Ne wodo ɣli na Yehowa le woƒe futɔwo ta la, aɖo ɖela kple ametaʋlila ɖe wo be wòaɖe wo le woƒe futɔwo ƒe asi me." data/train/ISA/ISA_036_Verse_017.mp3,"Tete aʋafiagã la te va hedo ɣli gblɔ le Hebrigbe me be, “Mise Asiria fia, fiagã la ƒe nyawo!" data/train/ISA/ISA_065_Verse_010.mp3,"“Kpɔ ɖa, woŋlɔe ɖi ɖe nye ŋkume ɖaa. Nyemazi ɖoɖoe o. Maɖo eteƒe na wo, wòasu wo nyuie. Maɖo eteƒe atsɔ axe fe na wo," data/train/ISA/ISA_014_Verse_015.mp3,"Ke wohe wò ƒu gbe ɖe yɔ me, ɖe tsiẽƒe ƒe gogloƒe ke." data/train/ISA/ISA_034_Verse_002.mp3,"Dzo la matsi o, zã kple keli, eye eƒe dzudzɔ ade dzi boo. Abi gbegbe tso dzidzime yi dzidzime, eye ame aɖeke magato afi ma ayi akpɔ gbeɖe o." data/train/ISA/ISA_052_Verse_012.mp3,"Yehowa aklo nu le eƒe abɔ kɔkɔe la ŋu le dukɔwo ƒe ŋkume, eye anyigba ƒe mlɔenuwo ke hã akpɔ mia Mawu la ƒe ɖeɖe." data/train/ISA/ISA_043_Verse_017.mp3,Mètsɔa wò alẽwo saa numevɔ nam loo alo tsɔa wò akpedavɔsa dea bubu ŋunye o. Nyemetsɔ nuɖuvɔsawo do agbae na wò o alo ɖe fu na wo be nàtsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu vɛ nam o. data/train/ISA/ISA_001_Verse_019.mp3,"Nu ka ta miedi be woanɔ mia ƒoƒo dzi? Nu ka ta miegale aglãdzedze dzi? Miaƒe ta katã xɔ abi, eye miaƒe dzi katã hã xɔ abi." data/train/ISA/ISA_001_Verse_030.mp3,“Ŋu akpe mi le logoti siwo ŋu miekpɔa dzidzɔ le la ŋu; woade ŋukpe mo na mi le abɔ siwo mielɔ̃na la ta. data/train/ISA/ISA_005_Verse_020.mp3,"Gbe ma gbe la, woaɖe gbe ɖe edzi abe atsiaƒu ene. Ne ame aɖe nye kɔ kpɔ anyigba la, viviti kple hiã ko wòakpɔ, eye lilikpowo gɔ̃ hã ana kekeli nado viviti." data/train/ISA/ISA_040_Verse_015.mp3,"Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖe wo dzi. Vavãe amewo katã le abe gbe ene." data/train/ISA/ISA_041_Verse_000.mp3,"Àdi wò ketɔwo, gake màkpɔ wo o. Ame siwo ho aʋa ɖe ŋuwò la azu tofloko ƒe tofloko," data/train/ISA/ISA_044_Verse_015.mp3,"Etsɔ ati la ƒe mamlɛa wɔ aklamakpakpɛ, mawu si wòdea ta agu na hesubɔna. Edo gbe ɖa nɛ be, “Ɖem, wòe nye nye mawu.”" data/train/ISA/ISA_025_Verse_008.mp3,"Le to sia dzi, aɖe ameɖivɔ si me wobla amewo katã ɖo kple avɔ si wotsɔ tsyɔ dukɔwo katã dzi la ɖa." data/train/ISA/ISA_027_Verse_001.mp3,"Ema manɔmee la, woneva di sitsoƒe le gbɔnye; woneva míawɔ ŋutifafa, ɛ̃, woneva wɔ ŋutifafa kplim.”" data/train/ISA/ISA_013_Verse_012.mp3,"Meɖe gbe na nye aʋawɔla, meyɔ nye kalẽtɔwo be woaɖe nye dɔmedzoe afia, ame siwo tsoa aseye ɖe nye dziɖuɖu ŋu." data/train/ISA/ISA_031_Verse_003.mp3,"Baba na ame siwo ƒu du yi ɖe Egipte be woaxɔ na yewo; ame siwo ɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe woƒe tasiaɖam gbogboawo ŋu, hetsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de sɔdolawo ƒe ŋusẽ triakɔ la me. Ke womeɖo ŋu ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu loo alo be yewoabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu o." data/train/ISA/ISA_014_Verse_006.mp3,"Dukɔwo akplɔ wo va woawo ŋutɔ nɔƒee. Dukɔwo kple dɔlanyɔnuwo le Yehowa ƒe aƒe la dzi. Ale woalé ame siwo ɖe aboyo wo la, eye woaɖu gã ɖe ame siwo te wo ɖe to la dzi." data/train/ISA/ISA_060_Verse_002.mp3,"Ame ʋɛ siwo le mia dome la azu akpe, eye ame siwo mesɔ gbɔ o la azu dukɔ gã dranyi aɖe. Nyee nye Yehowa, le ewɔɣi la, mawɔ esia wòatsɔ kaba.”" data/train/ISA/ISA_021_Verse_003.mp3,elabena wosi le yi si woɖe le aku me la kple da si me wovu kpakple aʋa si dzi ŋɔ la nu. data/train/ISA/ISA_046_Verse_011.mp3,"Wo katã wobɔbɔna hedea ta agu ɖekae, ke womete ŋu ɖe agba la ɖa o, eye woyi aboyome." data/train/ISA/ISA_027_Verse_004.mp3,"Le ŋkeke ma dzi la, O! Mi Israelviwo, Yehowa aƒo mi abe lu ene tso Frat tɔsisi la to va se ɖe Egipte tɔʋuwo to, eye wòagayɔ mi aƒo ƒui ɖeka ɖeka." data/train/ISA/ISA_033_Verse_017.mp3,"Wò abaladokawo me gbɔdzɔ; womebla wò abaladotiawo sesĩe o; ale wò abalawo me meke o, eya ta woama afunyinu gbogboawo, eye tekunɔwo gɔ̃ hã atsɔ nuhahawo adzoe." data/train/ISA/ISA_049_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa, Ɖela kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ na dziɖulawo ƒe dɔla be, “Fiawo akpɔ wò, eye woatso anɔ tsitre. Fiaviwo akpɔ wò, eye woade ta agu na Yehowa nuteƒewɔla, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ame si tia wò la ta.”" data/train/ISA/ISA_013_Verse_013.mp3,"Mido ɣli, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ." data/train/ISA/ISA_005_Verse_016.mp3,"Eya ta abe ale si dzo ƒe aɖe fiaa bee, eye gbe ƒuƒu bina le dzo me ene la, nenema kee woƒe kewo anyunyɔ, eye ya aƒo woƒe seƒoƒowo adzoe abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo ŋu," data/train/ISA/ISA_026_Verse_006.mp3,"Esi nèhe to na wo, eye womagate ŋu akɔ gbe dzi ado gbe ɖa o la, Yehowa, wova gbɔwò le woƒe xaxa la me." data/train/ISA/ISA_045_Verse_018.mp3,"Nye ŋutɔ meka atam. Nye nu gblɔ nya si mede megbe na, nya si womatrɔ gbeɖe o. Klo sia klo adze nam, eye aɖe sia aɖe ayɔm aka atamue." data/train/ISA/ISA_010_Verse_026.mp3,"Togbɔ be wò dukɔ, O! Israel, le abe ƒutake ene hã la, ame mamlɛawo koe atrɔ gbɔ. Woɖo kpe gbegblẽ dzi, eye dzɔdzɔenyenye gbagbã ɖi." data/train/ISA/ISA_038_Verse_009.mp3,Mana be vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Ahaz ƒe ɣetrɔti gbɔ.’ ” Ale ɣe ƒe vɔvɔli he ɖe megbe ɖoƒe ewo. data/train/ISA/ISA_028_Verse_017.mp3,"Ne agbledela ŋlɔ nu be yeaƒã nu la, ɖe wòganɔa nuŋɔŋlɔ dzia? Ɖe wògadzoboa anyigba, ganɔa edzadzraɖo dzia?" data/train/ISA/ISA_026_Verse_005.mp3,"Èkeke dukɔ la ɖe edzi, O! Yehowa; èna dukɔ la keke ta ɖe edzi. Èxɔ ŋutikɔkɔe na ɖokuiwò, eye nèkeke anyigba la ƒe liƒowo ɖe edzi." data/train/ISA/ISA_044_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa ame si wɔ wò, ame si me wò ɖe vidzidɔ me, ame si akpe ɖe ŋuwò la gblɔe nye esi, Mègavɔ̃ o, O! Yakob, nye dɔla. Yerusalem, ame si metia," data/train/ISA/ISA_009_Verse_000.mp3,"Ale si wònɔ le Midiatɔwo ŋɔli ene la, ègbã kɔkuti si nye agba la na wo, èɖe kɔsɔkɔsɔ si le kɔ na wo kple ame siwo te wo ɖe anyi la ƒe ameƒoti ɖa." data/train/ISA/ISA_001_Verse_025.mp3,"Tso miaƒe afɔƒome va se ɖe miaƒe dzodome la, teƒe nyui aɖeke meli o, negbe abiwo, dodrowo, abi mumu siwo womeklɔ haɖe o alo ɖo amii loo alo bla o la koe li." data/train/ISA/ISA_047_Verse_006.mp3,"“Eya ta yi wò amlimagbesawo, wò nukakawo dzi, esiwo me nèƒo ɖokuiwò ɖo tso wò ɖevime ke. Ɖewohĩ akpɔ dzidzedze, ɖewohĩ ahe ŋɔdzi vɛ." data/train/ISA/ISA_051_Verse_018.mp3,"Viŋutsu siwo katã wòdzi la ɖeke meli afia mɔe o. Viŋutsu siwo katã wònyi la, ɖeke meli alé eƒe alɔnu o." data/train/ISA/ISA_034_Verse_014.mp3,"Yehowa ƒe yi ƒo ʋu bekee, eye ami bla ɖe eŋu. Alẽviwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu le eŋu, hekpe ɖe ami si bla ɖe agbowo ƒe ayiku ŋu, elabena Yehowa ɖu vɔsaŋkekenyui le Bozra, eye wòwu lã geɖewo le Edom." data/train/ISA/ISA_037_Verse_014.mp3,"Èxɔ ŋusẽ le dua me nɔlawo si. Woƒe mo wɔ yaa, eye ŋu kpe wo. Wole abe nukuwo le agble dzi ene, nu miemie fɛ̃wo le bo dzi kple gbe siwo mie ɖe xɔ tame la ene. Ŋdɔ sesẽ ɖu wo, eye woyrɔ le esime wometsi o." data/train/ISA/ISA_019_Verse_016.mp3,"Tɔƒodelawo kple ame siwo doa ƒu ɖe tɔsisi la me la aɖe hũu, afa konyi, eye nenema ke ame siwo daa asabu ɖe tɔa me la hã axa nu." data/train/ISA/ISA_045_Verse_021.mp3,Nyee wɔ anyigba kple ame siwo le edzi. Nye ŋutɔ nye asiwoe keke dziƒowo me. Nyee wɔ dziƒoŋunuwo katã. data/train/ISA/ISA_032_Verse_006.mp3,"Ke bubume wɔa ɖoɖo siwo ŋu bubu le la, eye bubunuwɔnawo nana wònɔa te." data/train/ISA/ISA_064_Verse_000.mp3,"Abe ale si nake léa dzoe, eye wònaa tsi fiena wlɔwlɔwlɔ ene la, nenema ke nàɖi va, ana wò ketɔwo nanya wò ŋkɔ, eye dukɔwo nadzo nyanyanya le ŋkuwò me," data/train/ISA/ISA_028_Verse_011.mp3,"Gbe ma gbe la, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, anye gãnyenye ƒe fiakuku kple seƒoƒotsihe si dzeani na eƒe ame mamlɛawo." data/train/ISA/ISA_024_Verse_006.mp3,"Anyigbadzinɔlawo do gu anyigba la, woda le sewo kple ɖoɖowo dzi, eye wotu nubabla mavɔ la," data/train/ISA/ISA_034_Verse_007.mp3,"Mikpɔ Yehowa ƒe agbalẽ me, eye mixlẽ nu sia. Nu siawo dometɔ aɖeke mabu o, ɖeke manɔ anyi, atsu alo asi o, elabena eƒe nue de se sia, eye eƒe Gbɔgbɔ aƒo wo nu ƒu." data/train/ISA/ISA_026_Verse_002.mp3,"Àna be ame si ƒe susu ku ɖe ŋuwò la nanɔ ŋutifafa gã aɖe me, elabena eɖo ŋu ɖe ŋuwò." data/train/ISA/ISA_058_Verse_002.mp3,"Ekema wò kekeli adze abe agudzedze ene, eye wò dɔyɔyɔ ado kaba. Ekema wò dzɔdzɔenyenye adze ŋgɔ na wò, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe axe megbe na wò." data/train/ISA/ISA_003_Verse_006.mp3,"Aɖo asi eƒe kalẽtɔwo kple aʋawɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple nyagblɔɖilawo, afakalawo kple dumegãwo," data/train/ISA/ISA_066_Verse_012.mp3,"“Maɖo dzesi anyi ɖe wo dome, eye maɖo ame siwo tsi agbe la ƒe ɖewo ɖe dukɔwo dome, ɖe Tarsis, Libia kple Lidiatɔwo dome, ame siwo xɔ ŋkɔ le aŋutrɔdada me. Maɖo ɖewo ɖe Tubal, Griknyigba dzi kple didiƒeƒukpowo dzi, afi si womese nye gãnyenye alo kpɔ nye ŋutikɔkɔe le kpɔ o. Woaɖe gbeƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome." data/train/ISA/ISA_061_Verse_004.mp3,"“Elabena nye Yehowa, melɔ̃ nuteƒewɔwɔ. Metsri adzodada kple nu vɔ̃. Maɖo eteƒe na wo le nye nuteƒewɔwɔ me, eye mabla nu mavɔ kpli wo." data/train/ISA/ISA_062_Verse_003.mp3,"eye migana gbɔdzɔe o, va se ɖe esime wòaɖo Yerusalem te, awɔe wòanye kafukafunu le anyigba dzi." data/train/ISA/ISA_001_Verse_013.mp3,"Mise Yehowa ƒe nya, mi Sodom dziɖulawo, milé fɔ ɖe míaƒe Mawu la ƒe se la ŋu, mi Gomoratɔwo!" data/train/ISA/ISA_040_Verse_006.mp3,"Balimewo katã akɔ kpo, eye woabɔbɔ to kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi; anyigba tsakliwo katã azu zɔzrɔ̃e, eye teƒe siwo katã kɔ kpo la azu sɔsɔe." data/train/ISA/ISA_024_Verse_007.mp3,"Anɔ alea na nunɔlawo kple amehawo, na aƒetɔ kple dɔlaŋutsu, na aƒenɔ kple dɔlanyɔnu, nudzrala kple nuƒlela, na ame si doa nugbana kple nugbanadola, na fetɔ kple fenyila." data/train/ISA/ISA_049_Verse_008.mp3,"Ewɔ nye nu abe yi ɖaɖɛ ene. Etsɔm ɣla ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te. Etsɔm wɔ aŋutrɔ ɖaɖɛ, eye wòɣlam ɖe eƒe daku me." data/train/ISA/ISA_019_Verse_012.mp3,"Naneke meli Egipte nawɔ o, ta alo asike, deʋaya alo keti mate ŋu awɔ naneke na Egipte o." data/train/ISA/ISA_043_Verse_018.mp3,"Mikplɔ ame siwo ŋku li na, gake womele nu kpɔm o la kple ame siwo to li na, gake womesea nu o la do goe." data/train/ISA/ISA_028_Verse_015.mp3,"Miegblɔna dadatɔe be, “Míeɖo nubabla me kple ku, eye míeɖo gbe ɖi kple yɔdo. Nenye be dɔvɔ̃ zɔ va yi la, maka asi mía ŋu o, elabena míetsɔ alakpa wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míetsɔ beble wɔ míaƒe bebeƒee.”" data/train/ISA/ISA_029_Verse_001.mp3,"Agava eme be hiãtɔwo akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu, eye ame dahewo akpɔ dzidzɔ ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu." data/train/ISA/ISA_045_Verse_023.mp3,"Vavãe, ènye Mawu si ɣlaa eɖokui. O! Mawu kple Israel ƒe Ɖela." data/train/ISA/ISA_038_Verse_000.mp3,"Ame gbagbewo koe akafu wò abe ale si mele wɔwɔm egbe ene, eye fofowo agblɔ wò nuteƒewɔwɔ na wo viwo." data/train/ISA/ISA_022_Verse_009.mp3,"Eƒe ƒome la katã ƒe ŋutikɔkɔe anɔ eya amea dzi, ɖe viawo kple eƒe dzidzimeviwo dzi. Anɔ nu siwo katã ŋu dɔ wowɔna le aƒe me la dzi; tso agbawo dzi va se ɖe tsinokpluwo dzi.”" data/train/ISA/ISA_025_Verse_011.mp3,"Yehowa ƒe asi anɔ to sia dzi, ke afanya Moab ɖe eƒe afɔ te abe ale si wofanyaa gbe ƒuƒu ɖe aɖu me ene." data/train/ISA/ISA_043_Verse_008.mp3,"eya ta mado ŋunyɔ ame ŋkuta siwo le wò gbedoxɔ me. Matsɔ Yakob ade asi na gbegblẽ, eye Israel na fewuɖuɖu.”" data/train/ISA/ISA_011_Verse_005.mp3,"Efraim ƒe ŋuʋaʋã nu atso, eye Yehowa atsrɔ̃ Yuda ƒe futɔwo. Efraim magaʋã ŋu Yuda o, alo Yuda nagaxaxa Israel ɖo o." data/train/ISA/ISA_050_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Afi ka mia dada ƒe srɔ̃gbegbalẽ si metsɔ gbee la le? Alo ame siwo ŋu menyi fe le la dometɔ kae metsɔ mi dzra na? Miaƒe nu vɔ̃wo tae wotsɔ mi dzra ɖo. Miaƒe dzidadawo tae wonya mia dada ɖo." data/train/ISA/ISA_029_Verse_006.mp3,"Baba na ame siwo wɔa nu si woate ŋui be woaɣla woƒe aɖaŋudedewo ɖe Yehowa; ame siwo wɔa woƒe dɔwo le viviti me hegblɔna be, “Ame kae kpɔ mi? Ame kae anya?”" data/train/ISA/ISA_065_Verse_016.mp3,"Miagblẽ miaƒe ŋkɔwo ɖi na nye ame tiatiawo woawɔ wo ŋu dɔ abe fiƒodenuwo ene. Aƒetɔ Yehowa awu mi, ke eƒe dɔlawo ya la, atsɔ ŋkɔ bubu na wo." data/train/ISA/ISA_025_Verse_006.mp3,"eye abe dzoxɔxɔ sesẽ tso gbegbe ene; èna amedzrowo ƒe hoowɔwɔ nu tso abe ale si ne lilikpo xe ɣe ŋkume la, eƒe dzoxɔxɔ ɖiɖinae ene. Aleae nètsi ame nyanyrawo ƒe hadzidzi nue." data/train/ISA/ISA_060_Verse_009.mp3,"eya ta dukɔ alo fiaɖuƒe si agbe be yemasubɔ mi o la, atsrɔ̃, eye woagbãe gudugudu." data/train/ISA/ISA_033_Verse_013.mp3,"Mi ame siwo le adzɔge, mise nu si mewɔ. Mi ame siwo tso kpuiƒe, mide dzesi nye ŋusẽ!" data/train/ISA/ISA_056_Verse_010.mp3,"Wonye avu siwo ɖua nutsu; nu meɖia ƒo na wo o. Wonye alẽkplɔla siwo mesea nugɔme o. Wo katã wolé woƒe mɔ tsɔ, ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe viɖe dim." data/train/ISA/ISA_014_Verse_000.mp3,"ado hamelo sia na Babilonia fia be, Ale funyafunyawɔame la wu nue nye esi! Ale eƒe ŋutasesẽ hã wu nue nye esi!" data/train/ISA/ISA_017_Verse_001.mp3,"Efraim ƒe mɔ sesẽwo nu ayi kple Damasko ƒe fiaɖuƒe hã, eye Aram ƒe ame mamlɛawo ƒe ŋusẽ anɔ abe Israeltɔ ene.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/ISA/ISA_037_Verse_024.mp3,"“Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’" data/train/ISA/ISA_005_Verse_017.mp3,"Eya ta nuɖuɖu le yɔdo dzrom vevie, eye wòke eƒe nu ɖi baa, eya ta Yerusalem ƒe ame ŋkutawo kple ame hahoawo age dze eme kple woƒe dzidzɔkpɔkpɔwo kple aglotutuwo katã." data/train/ISA/ISA_037_Verse_025.mp3,"Mɔ si wòto va la, eya ke dzie wòato adzo. Mage ɖe du sia me akpɔ gbeɖe o.” Yehowae gblɔe." data/train/ISA/ISA_066_Verse_011.mp3,"Kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna kple dzo bibi, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahomya ene. Aɖe eƒe dziku ɖe go le dɔmedzoe helĩhelĩ me, eye wòaɖe eƒe mokaname afia le dzo ƒe aɖewo me," data/train/ISA/ISA_047_Verse_007.mp3,"Gbegblẽ aƒo ɖe dziwò, eye mànya ale si nàwɔ asa gbe adee wòadzo o. Dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe dziwò, esi màte ŋu aɖe ɖa kple awɔbanu o. Tsɔtsrɔ̃ si mèle mɔ kpɔm na o la, aƒo ɖe dziwò kpoyi." data/train/ISA/ISA_038_Verse_019.mp3,"Womu nye agbadɔ hexɔe le asinye abe ale si wowɔa alẽkplɔla ƒe agbadɔe ene. Abe ale si avɔlɔ̃la ŋlɔa eƒe avɔe heɖenɛ tso agbati me ene la, nenemae meŋlɔ nye agbee, eye nèna nye agbe wu enu zã kple keli." data/train/ISA/ISA_018_Verse_003.mp3,"“Manɔ anyi kpoo anɔ nu kpɔm tso nɔnyeƒe abe ale si yame kɔnae ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe la ene, abe ale si lilikpo dzaa ahũ le nuŋeɣi le dzomeŋɔli ene.”" data/train/ISA/ISA_013_Verse_005.mp3,"Gbevuwo hã anɔ afi ma, Amegaxiwo axɔ woƒe dziƒoxɔ sesẽwo awɔ wo nɔƒewo. Eƒe ɣeyiɣi tu aƒe, eye eƒe ŋkekewo mahe ɖe megbe o." data/train/ISA/ISA_028_Verse_014.mp3,"Matsɔ afia nyui tsotso awɔ eƒe dzidzekae, eye dzɔdzɔenyenye anye eƒe nudanu, tsikpe akplɔ miaƒe sitsoƒe si nye alakpa la adzoe, eye tsi aɖɔ axɔ miaƒe bebeƒe." data/train/ISA/ISA_032_Verse_013.mp3,"Nuteƒewɔwɔ anɔ gbegbe, eye dzɔdzɔenyenye anɔ agbledenyigba dzi." data/train/ISA/ISA_036_Verse_009.mp3,"Ke ameawo katã zi ɖoɖoe, eye womeɖo nya aɖeke ŋu nɛ o, elabena fia la de se na wo be, “Migaɖo eŋu nɛ o.”" data/train/ISA/ISA_048_Verse_002.mp3,"eya ta megblɔ nu siawo na mi gbe aɖe gbe ʋĩi va yi. Hafi woava adzɔ la, meɖe gbeƒã na mi be miagagblɔ be, ‘Nye legbawoe wɔ wo. Nye aklamakpakpɛwo kple akɔblimawue ɖo wo da ɖi,’ o." data/train/ISA/ISA_019_Verse_013.mp3,"Ne woyɔ Yuda ŋkɔ teti hã la, ŋɔ adzi Egiptetɔwo, eye woƒe dzi age ɖe dɔ me na wo ɖe gbegblẽ si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, wɔ ɖe wo ŋu la ta." data/train/ISA/ISA_003_Verse_021.mp3,"Yerusalem le mumum sɔgɔsɔgɔ, Yuda le anyi dzem. Woƒe nyawo kple woƒe nuwɔwɔ tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Wogbe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe amegbɔnɔnɔ." data/train/ISA/ISA_037_Verse_031.mp3,"Wogblɔ nɛ be, Ale fia Hezekia gblɔe nye esi: “Egbee nye xaxa, mokaka kple vlodogbe. Enye ɣeyiɣi sesẽ abe nyɔnu si vi ɖo atame na be wòadzi, gake ŋusẽ mele eŋu be woasii adzi o la ene." data/train/ISA/ISA_047_Verse_015.mp3,"“Ɖi ɖe anyi nànɔ ke me, wò Babilonia ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o. Wò Babiloniatɔwo ƒe vinyɔnu, nɔ anyi ɖe anyigba, menye ɖe fiazikpui dzi o. Womagayɔ wò be lɔlɔ̃vi alo ame si woalé be na o." data/train/ISA/ISA_058_Verse_004.mp3,"Miaƒe nutsitsidɔ la wua enu kple dzrewɔwɔ, kple avuwɔwɔ, gawu la, mietu kɔ mia nɔewo tamesesẽtɔe kple miaƒe asi vɔ̃ɖiwo. Migakpɔ mɔ be ne mietsi nu dɔ nenema la, woase miaƒe gbe le dziƒo o." data/train/ISA/ISA_027_Verse_012.mp3,"Ŋkekewo li gbɔna esi Yakob ato ke; Israel aƒo se, eye eƒe kutsetse ayɔ xexea me katã." data/train/ISA/ISA_040_Verse_020.mp3,"Legba nye aɖaŋuwɔla ƒe nuwɔwɔ. Sikanutulae tsɔ sika fa ɖe eŋu, eye wòtsɔ klosalo wɔ kɔsɔkɔsɔ de nɛ." data/train/ISA/ISA_044_Verse_021.mp3,"Nunya mele wo dometɔ aɖeke si wòagblɔ be, “Metsɔ afã wɔ nakee. Meme abolo gɔ̃ hã le eƒe dzokawo dzi, eye meme lã hã le edzi heɖu o. Ɖe matsɔ mamlɛa awɔ ŋunyɔnuea? Ɖe madze klo na atikpoa.”" data/train/ISA/ISA_017_Verse_000.mp3,"Azu abe bligble si me woŋe bli le hegblẽ hɔ̃litiawo ɖe tsitrenu ene, eye abe ale si agbledela fɔa bli dzɔdzɔe le Refaim me ene." data/train/ISA/ISA_041_Verse_015.mp3,"“Kpɔɖa, ŋukpe kple vlododo ava ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la dzi, ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la atsrɔ̃, eye wo nu ava ayi." data/train/ISA/ISA_001_Verse_031.mp3,"Ɖe menye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ ye kpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi na mi o la, anye ne woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, abe ale si wotsrɔ̃ ame sia ame le Sodom kple Gomora ene." data/train/ISA/ISA_009_Verse_017.mp3,"Vavã ŋutasesẽ le bibim abe dzo ene. Efia ŋuwo kple aŋɔkawo, eye wòtɔ dzo avekɔewo kple avedodowo, ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ." data/train/ISA/ISA_048_Verse_010.mp3,"Midzo le Babilonia, misi le Babiloniatɔwo gbɔ! Mitsɔ dzidzɔɣli ɖe gbeƒã esia, eye mido bobloe. Miɖo du ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke be, “Yehowa ɖe eƒe dɔla Yakob”" data/train/ISA/ISA_030_Verse_012.mp3,"Ke hã la, Yehowa le lalam vevie be yeave mia nu; etso be yeakpɔ nublanui na mi, elabena Yehowa nye Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Woayra ame siwo katã kpɔa eƒe asinu." data/train/ISA/ISA_033_Verse_000.mp3,"Àbu ŋɔdzinu siwo nèwɔ va yi le wò susu me be, “Afi ka amegã ma le? Afi ka ame si dzɔa adzɔga la le? Afi ka amegã si kpɔa gbetakpɔxɔwo dzi la le?”" data/train/ISA/ISA_006_Verse_002.mp3,"Eye megblɔ be, “Alele! Evɔ nam azɔ, elabena nu vɔ̃ wɔla, nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ si ƒe nuyi mekɔ o, eye wonye vɔ̃wɔlawo la dome; evɔ la, metsɔ nye ŋkuwo kpɔ Fia, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la.”" data/train/ISA/ISA_026_Verse_020.mp3,"Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena Yehowae nye Agakpe mavɔ la." data/train/ISA/ISA_037_Verse_007.mp3,"Emegbe la, edɔ eƒe dɔnunɔla, Eliakim kple eƒe agbalẽŋlɔla Sebna kple nunɔla tsitsiwo dometɔ aɖewo, ame siwo katã hã ta akpanya, eye woyi ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi la gbɔ." data/train/ISA/ISA_045_Verse_019.mp3,"Nyee na kekeli dona. Nyee wɔ viviti. Nyee he dzidzedzekpɔkpɔ vɛ, eye nye kee he gbegblẽ hã vɛ. Nye Yehowae wɔ esiawo katã." data/train/ISA/ISA_022_Verse_005.mp3,"elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ɖo ŋkeke ɖi na ʋunyaʋunya, nuwo fanyafanya kple ŋɔdzi le ŋutega balime la, ŋkeke si dzi woamu gliwo aƒu anyi, eye ɣli aɖi le towo tame." data/train/ISA/ISA_043_Verse_003.mp3,"ame sia ame si ko ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo, ame siwo mewɔ hena nye ŋutikɔkɔe, ame siwo meme, eye mewɔ.”" data/train/ISA/ISA_031_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa gblɔ nam nye esi, “Abe ale si dzata alo dzatavi tea gbee ne elé nu, eye togbɔ be woyɔa alẽkplɔlawo ƒe ha katã ɖe eŋu, gake woƒe ɣlidodo medoa ŋɔdzi nɛ o, woƒe hoowɔwɔ hã meɖia naneke nɛ o ene la, nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖi va anyi ne wòawɔ aʋa le Zion to la kple eƒe to kɔkɔwo dzi." data/train/ISA/ISA_004_Verse_004.mp3,"Gbe ma gbe la, Yehowa ƒe Atilɔ anya kpɔ, eye ŋutikɔkɔe anɔ eŋu. Anyigba ƒe kutsetse anye dada kple ŋutikɔkɔe na ame siwo susɔ ɖe Israel." data/train/ISA/ISA_005_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ka atam mese kple nye towo, “Ne xɔ gãwo mezu gbegbe, eye dziƒoxɔ gãwo mezu aƒedowo o fĩi!" data/train/ISA/ISA_036_Verse_004.mp3,"Ègblɔ be, aʋawɔmɔnu tɔxɛwo kple aʋawɔwɔ ƒe ŋusẽ le asiwò, ke nya ƒuƒluwo ko gblɔm nèle. Ame ka ŋu nèle ŋu ɖom ɖo hafi dze aglã ɖe ŋunye?" data/train/ISA/ISA_043_Verse_021.mp3,"Nye la, meɖee fia. Meɖe eme, eye meɖe gbeƒã be nyee, ke menye dzromawu siwo le mia dome lae o. Miawoe nye nye ɖasefowo.”" data/train/ISA/ISA_051_Verse_016.mp3,"Nyɔ, nyɔ! O! Yehowa ƒe alɔ, ne nàtsɔ ŋusẽ ado. Nyɔ abe le tsã ƒe ɣeyiɣiwo kple blemaŋɔliwo ene. Ɖe menye wòe fli Rahab kakɛkakɛ, eye nètsɔ nu ƒo ɖe lã dziŋɔ la oa?" data/train/ISA/ISA_066_Verse_013.mp3,"Menye nye asie wɔ esiawo katã, eye wova dzɔ oa?” Yehowae gblɔe. “Esiae nye ame si mebuna; ame si bɔbɔ eɖokui, da ahe le gbɔgbɔ me, eye ne ese nye nya la, wòdzona nyanyanya." data/train/ISA/ISA_042_Verse_009.mp3,"Ke esia nye ame siwo woda adzoe, eye woha wo; mɔ ɖe wo katã le dowo me, eye wobe ɖe gaxɔwo me. Wozu nuhaha, eye ame aɖeke meli axɔ na wo o. Wozu nu siwo woda adzoe, eye ame aɖeke meli agblɔ be, “Mitrɔ wo yii o.”" data/train/ISA/ISA_040_Verse_022.mp3,"Miwu mo dzi ne miakpɔ dziƒo. Ame ka wɔ nu siawo katã? Ame si ɖe dziƒoŋunuwo ɖe go ɖekaɖeka, eye wòna ŋkɔ ɖe sia ɖe lae. Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple eƒe alɔ sesẽ la ta, mena ɖeke bu le wo dome o." data/train/ISA/ISA_037_Verse_037.mp3,"Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la ase nya siwo aʋafia, si eƒe aƒetɔ Asiria fia dɔ la gblɔ. Ame si wòdɔ be woaɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu, eye wòaka mo nɛ ɖe nya siwo Yehowa, wò Mawu la se ta. Eya ta do gbe ɖa ɖe ame mamlɛ siwo tsi agbe la ta.”" data/train/ISA/ISA_022_Verse_023.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Le ŋkeke ma dzi la, tsyoti si woƒo ɖe teƒe sesẽ la aho. Woalãe, wòamu adze anyi, eye agba si wotsɔ ku ɖe eŋu la hã akaka.” Yehowae gblɔe." data/train/ISA/ISA_055_Verse_011.mp3,"nenema kee nye, nye nya si do le nye nu me, matrɔ agbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o; negbe ɖe wòwɔ nu si medi kple nu si ta medɔe ɖo la hafi." data/train/ISA/ISA_038_Verse_016.mp3,"O! Aƒetɔ, nu siawo ŋue amewo nɔa agbe ɖo, eye nye hã nye gbɔgbɔ kpɔ agbe le wo me. Èna mehaya, eye nègana mele agbe." data/train/ISA/ISA_014_Verse_018.mp3,"Malia ayi ɖe lilikpowo tame ke, eye mawɔ ɖokuinye be masɔ ta kple Dziƒoʋĩtɔ la.”" data/train/ISA/ISA_025_Verse_004.mp3,"Èna du gãwo trɔ zu aƒedo, eye mɔ sesẽwo zu glikpo. Amedzrowo ƒe du sesẽwo maganye du anɔ anyi o. Womagbugbɔ wo atu akpɔ o," data/train/ISA/ISA_054_Verse_004.mp3,"“Kpɔ ɖa, nyee wɔ gbede si yɔa ʋu ɖe dzo te wòléna, eye wòtua lãnu si hiã na eƒe dɔ. Nyee wɔ nugblẽla be wòagblẽ nu;" data/train/ISA/ISA_005_Verse_013.mp3,"Edzobo eme heɖe kpewo le eme, eye wòdo wainka nyuitɔwo ɖe eme. Etu gbetakpɔxɔ ɖe agble la titina, eye wòtu wainfiaƒe hã ɖe afi ma. Ele mɔ kpɔm na waintsetse nyuiwo, gake wotse wain vevewo." data/train/ISA/ISA_029_Verse_013.mp3,"Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, ɖe Lebanon mazu anyigba si nyoa nuku, eye anyigba si nyoa nuku la natrɔ azu ave oa?" data/train/ISA/ISA_035_Verse_003.mp3,"Do ŋusẽ asi beliwo, eye nàli ke klo siwo le ƒoƒom la;" data/train/ISA/ISA_040_Verse_003.mp3,Ame kae dzidze tsi ɖe eƒe asiʋlome alo tsɔ eƒe asi ƒe kekeme dzidze dziƒoe? Ame kae lɔ ke si le anyigba la ɖe nudonu me alo da towo le nudanu me kple togbɛwo le nudanu dzi? data/train/ISA/ISA_040_Verse_001.mp3,Ame ka gbɔ Yehowa yi be wòaɖe nugɔme nɛ alo wòafia mɔ dzɔdzɔetɔe? Ame kae fia nunya alo gɔmesese ƒe mɔe? data/train/ISA/ISA_033_Verse_021.mp3,"Wodo Yehowa ɖe dzi, elabena etsɔ dziƒo wɔ nɔƒee. Atsɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye ayɔ Zion." data/train/ISA/ISA_028_Verse_021.mp3,"Wain na ame siwo hã le mumum sɔgɔsɔgɔ, eye aha sesẽ na ame siwo le ya mum. Aha sesẽ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo siwo le zɔzɔm sɔgɔsɔgɔ eye wain na wole movinu wɔm. Aha sesẽ na ame siwo le ya mum. Vodada le woƒe ŋutegakpɔkpɔ me, eye kpɔtsɔtsɔ le woƒe nyametsotso ŋu." data/train/ISA/ISA_045_Verse_008.mp3,"Ke Yehowa aɖe Israel kple ɖeɖe mavɔ. Màɖu ŋukpe alo akpɔ vlododo yi ɖe mavɔ me o," data/train/ISA/ISA_051_Verse_007.mp3,"Mifɔ mo dzi ne miakpɔ dziƒo, mide mo to ne miakpɔ anyigba. Dziƒowo nu ava yi abe dzudzɔ ene. Anyigba anyunyɔ abe avɔ ene, eye edzinɔlawo aku abe tagbatsutsu ene, ke nye xɔname anɔ anyi ɖikaa, eye nye dzɔdzɔenyenye nu matsi gbeɖe o." data/train/ISA/ISA_030_Verse_008.mp3,"Eya ta ale, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Esi miegbe gbedeasi sia heɖo ŋu ɖe ŋutasesẽ ŋu, eye mieku ɖe beble ŋuti ta la," data/train/ISA/ISA_036_Verse_020.mp3,"“ ‘Va azɔ nàtso gbe kple nye amegã, Asiria fia. Matsɔ sɔ akpe eve na wò, ne ànya kpɔ edolawo ko." data/train/ISA/ISA_014_Verse_013.mp3,"Gbe si gbe Yehowa ana mi gbɔdzɔe tso miaƒe fukpekpewo, hiãkamewo kple dɔ sesẽ siwo miewɔ le aboyo me la," data/train/ISA/ISA_002_Verse_018.mp3,"Woaɖiɖi ŋkugãtolawo katã ɖe anyi, eye woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi. Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi." data/train/ISA/ISA_001_Verse_014.mp3,"“Miva, mina míade ŋugble ɖekae,” Yehowa gblɔe. “Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã abe nyagãdzĩ ene hã la, woafu abe ɖetifu ene. Ne wobiã abe ʋu ene hã la, woafu abe alẽfu ɣi ene." data/train/ISA/ISA_016_Verse_001.mp3,"Dzidzɔ kple vivisese nu tso le abɔwo me, ame aɖeke mele ha dzim alo le dzidzɔɣli dom le waingblewo me o, ame aɖeke megafiaa wain le wainfiaƒe o, elabena metsi dzidzɔɣliwo nu." data/train/ISA/ISA_037_Verse_016.mp3,"Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/ISA/ISA_023_Verse_013.mp3,"Wotsɔ bli tso Sidon, nuŋeŋe si tso Nil Nutowo me to tɔ gãwo dzi va Tiro abe adzɔnuwo ene, ale Tiro zu asiɖiƒe na dukɔwo." data/train/ISA/ISA_044_Verse_019.mp3,"Mekplɔ wò vodadawo dzoe abe lilikpo ene, eye mena wò nu vɔ̃wo nu va yi abe ahũ si dza le fɔŋli ene. Trɔ̃ va gbɔnye, elabena meɖe wò.”" data/train/ISA/ISA_043_Verse_022.mp3,"Nyee nye Yehowa, miaƒe Kɔkɔetɔ la, Israel Wɔla kple miaƒe Fia.”" data/train/ISA/ISA_031_Verse_007.mp3,"O! Israelviwo, mitrɔ va ame si ŋu miedze aglã ɖo vevie la gbɔ," data/train/ISA/ISA_022_Verse_004.mp3,"Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, di tso mia si le ŋkeke ma dzi be, miafa avi, afa konyi, alũ ta kolikoli." data/train/ISA/ISA_011_Verse_001.mp3,"Amegaxi anɔ alẽvi gbɔ, lãklẽ atsyɔ akɔ anyi ɖe gbɔ̃vi gbɔ bɔkɔɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ le ŋutifafa me, eye ɖevi sue aɖe akplɔ wo." data/train/ISA/ISA_024_Verse_000.mp3,Alea wòanɔ le anyigba la dzi kple dukɔwo dome. Anɔ abe amiti si dzi wogbe kutsetsewo katã vɔ le alo abe wainka si dzi wogbe wain tsetsewo le hegble kutsetse wuwlui aɖewo ko ɖo la ene. data/train/ISA/ISA_054_Verse_005.mp3,"lãnu sia lãnu si wotu ɖe ŋutiwò la, madze edzi o, eye àɖu aɖe sia aɖe si atso ɖe ŋutiwò le ʋɔnu la dzi. Esiae nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye wòganye afiatsotso na wò tso gbɔnye,” Yehowae gblɔe." data/train/ISA/ISA_056_Verse_004.mp3,"Israel ƒe gbetakpɔlawo katã nye ŋkugbagbãtɔwo. Nunya metso aƒe ɖe wo gbɔ o. Avu si ƒe aɖe tu lae wonye. Womate ŋu awo o. Womlɔa anyi hekua drɔ̃e, eye alɔ̃ vivia wo nu." data/train/ISA/ISA_037_Verse_019.mp3,"“Ke menya afi si nèle. Menya ɣeyiɣi si nèdona gagbɔna, eye menya ale si nèdo dɔmedzoe ɖe ŋunye." data/train/ISA/ISA_058_Verse_001.mp3,"Ekema àyɔ Yehowa, eye wòatɔ na wò. Àdo ɣli be wòaxɔ na wò, eye wòagblɔ be, ‘Nyee nye esi.’ “Ne èɖe teteɖeanyi ƒe kɔkuti ɖa, asifiafia ame kple ameŋugblẽnyawo gbɔgblɔ," data/train/ISA/ISA_003_Verse_002.mp3,"Amewo ate wo nɔewo ɖe to, ŋutsu atso ɖe ŋutsu ŋu, aƒelika ɖe aƒelika ŋu, sɔhɛwo atso ɖe ame tsitsiwo ŋu, eye yakamewo atso ɖe bubumewo ŋu." data/train/ISA/ISA_036_Verse_011.mp3,"Ke ne ègblɔ nam be, “Yehowa, miaƒe Mawu la ŋue miele ŋu ɖom ɖo la,” ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hezekia gbã hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele na mi be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ oa?”" data/train/ISA/ISA_045_Verse_009.mp3,Ke Yehowa mee Israel ƒe dzidzimeviwo katã akpɔ dzɔdzɔenyenye kple dodoɖedzi le. data/train/ISA/ISA_040_Verse_002.mp3,Ame kae ase Yehowa ƒe susu gɔme alo anye eƒe aɖaŋudela aɖo aɖaŋu nɛ? data/train/ISA/ISA_006_Verse_001.mp3,"Etsɔ dzoka xɔxɔ la tɔ nye nuyi hegblɔ be, “Kpɔ ɖa, woɖe wò vodadawo ɖa, eye wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò, elabena dzoka sia ka wò nuyi ŋuti.”" data/train/ISA/ISA_065_Verse_007.mp3,"gake mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye tegbee ɖe nu si mawɔ la ŋu, elabena mawɔ Yerusalem be wòanye dzudzɔdonu, eye eƒe amewo anye dzidzɔkpɔlawo." data/train/ISA/ISA_002_Verse_008.mp3,"Le ŋkeke ma dzi la, amewo atsɔ woƒe klosalolegba kple sikalegba siwo wosubɔna la aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo." data/train/ISA/ISA_023_Verse_012.mp3,"“Tsɔ kasaŋku. Ɖi tsa le dua me. O! Gbolo si wogbe, ƒo kasaŋku la nyuie, eye nàdzi ha geɖewo, ale be woaɖo ŋku dziwò.”" data/train/ISA/ISA_042_Verse_021.mp3,"“Nye, Yehowa, meyɔ wò le dzɔdzɔenyenye me. Malé wò alɔnu. Makpɔ tawò, ana nànye nubabla na amewo kple kekeli na dukɔwo," data/train/ISA/ISA_037_Verse_023.mp3,"Meɖe vudo ɖe dzronyigbawo dzi, eye meno wo me tsi le afi ma. Mena Egipte tɔʋuwo mie le nye afɔ te.’" data/train/ISA/ISA_051_Verse_008.mp3,"Mikpɔ mia fofo Abraham kple Sara, ame siwo dzi mi la dzi. Esi meyɔe la, eya ɖeka koe, gake meyrae, eye mewɔe wòzu ame geɖe." data/train/ISA/ISA_049_Verse_017.mp3,"Mido dzidzɔɣli, o mi dziƒowo! O! Anyigba netso aseye. Mido ha ɖa kple dzidzɔ. O, mi towo! Elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòakpɔ nublanui na ame siwo ŋu wode abie." data/train/ISA/ISA_002_Verse_021.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ɖo ŋkeke ɖi na dadalawo kple ɖokuiŋudzelawo kple nu siwo katã wodo ɖe dzi la (elabena woabɔbɔ wo ɖe anyi)." data/train/ISA/ISA_061_Verse_001.mp3,"Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be magblɔ nyanyui la na ame dahewo. Edɔm ɖa be mayɔ dɔ ame siwo ƒe dzi gbã. Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo, eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me;" data/train/ISA/ISA_030_Verse_013.mp3,"Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkɔ tso adzɔge gbɔna ɖa, eƒe dziku le bibim, eye lilikpo dodo ƒo xlãe. Elé ŋɔdzi ɖe nu, eye eƒe aɖe nye dzobinu." data/train/ISA/ISA_036_Verse_007.mp3,"Gawu la, ɖe meva be madze anyigba sia dzi, ahatsrɔ̃e Yehowa manɔmea? Yehowa ŋutɔe gblɔ nam be maho aʋa ɖe dukɔ sia ŋuti ne matsrɔ̃e.’ ”" data/train/ISA/ISA_048_Verse_015.mp3,"Nye, nye koe ƒo nu. Ɛ̃, nyee yɔe. Makplɔe vɛ, eye wòakpɔ dzidzedze le eƒe dɔdeasi la me." data/train/ISA/ISA_049_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le nye dɔmenyo ƒe ɣeyiɣiwo me la, matɔ na wò, eye le xɔxɔgbe makpe ɖe ŋu wò. Malé wò ɖe asi, eye mawɔ wò nànye nubabla na amewo, be nàgbugbɔ anyigba aɖo te, eye nagbugbɔ eƒe domenyinu siwo tsi yame la ama," data/train/ISA/ISA_011_Verse_011.mp3,"Naneke mahe vɔ̃ alo gbegblẽ va nye to kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi abe ale si tsi yɔa atsiaƒu mee ene." data/train/ISA/ISA_045_Verse_006.mp3,"“Baba na ame si le dzre wɔm kple eƒe Wɔla. Ame si lé nɛ ko abe ze le ze bubuwo dome le anyigba ene. Ɖe anyi abia zemela be, ‘Nu ka mem nèle mahã?’ Ɖe wò dɔ si wɔm nèle la, abia be, ‘Asi mele asiwò oa?’" data/train/ISA/ISA_045_Verse_016.mp3,"“Miƒo ƒu ne miava. Miƒo takpli, mi aboyome siwo tso dukɔwo me. Abunɛtɔwoe nye ame siwo lé aklamakpakpɛwo ɖe ta, eye wodoa gbe ɖa na mawu siwo mate ŋu aɖe ame o." data/train/ISA/ISA_010_Verse_028.mp3,"Wodo to domemɔ, eye wogblɔ be, “Miatsi Geba adɔ.” Rama dzo nyanyanya, Saul ƒe Gibea de afɔ du me." data/train/ISA/ISA_013_Verse_006.mp3,"Ke gbemelãwo koe atsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma. Favieʋuto ayɔ woƒe xɔwo me, golowo atso aƒe ɖe afi ma eye azizãwo aɖi adrɔ le afi ma." data/train/ISA/ISA_037_Verse_006.mp3,"Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be:" data/train/ISA/ISA_045_Verse_010.mp3,"Le nye dzɔdzɔenyenye me, mado ŋusẽ Sirus. Mana eƒe mɔwo nanɔ dzɔdzɔe. Agbugbɔ nye du atso, eye wòaɖe asi le nye aboyomewo ŋuti nam. Ke maxɔ teƒeɖoɖo aɖeke o, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”" data/train/ISA/ISA_048_Verse_011.mp3,"Miese esiawo katã. Mikpɔ wo katã ɖa. Ɖe mialɔ̃ be wole eme oa? “Tso azɔ dzi la, maƒo nu tso nu yeyewo ŋu na mi, tso nu siwo le ɣaɣla, eye mienya wo o la ŋuti na mi." data/train/ISA/ISA_033_Verse_024.mp3,"Ŋɔdzi lé nu vɔ̃ wɔla siwo le Zion, eye vɔvɔ̃ dze Mawumavɔ̃lawo dzi, wobia be, “Mía dometɔ kae anɔ te ɖe dzobinu la nu? Mía dometɔ kae anɔ anyi ɖe dzo mavɔ̃ sia me.”" data/train/ISA/ISA_024_Verse_008.mp3,"Axatsɛ siwo ƒe gbe me kɔ la hã zi ɖoɖoe, Màgase dzidzɔkpɔlawo ƒe hoowɔwɔ o. Kasaŋku siwo ɖina kple dzidzɔ la hã zi ɖoɖoe." data/train/ISA/ISA_007_Verse_016.mp3,"“Mina míadze Yuda dzi; mina míavuvui, míamae ɖe mía ɖokuiwo dome, eye míatsɔ Tabel ƒe vi aɖo fiae ɖe enu.”" data/train/ISA/ISA_011_Verse_014.mp3,"Yehowa ana Egipte ƒu la namie, eye wòanye eƒe asi le Frat tɔsisi dzi kple ya xɔdzo sesẽ. Amae ɖe tɔʋu adre me ale be woate ŋu atsoe kple atokota gɔ̃ hã." data/train/ISA/ISA_040_Verse_009.mp3,"Ekema ame ka míatsɔ asɔ kple Mawu, eye nɔnɔme ka míatsɔ asɔ kplii?" data/train/ISA/ISA_028_Verse_000.mp3,"Aba la le kpuie akpã, màte ŋu adra ɖe edzi o. Abadzivɔ la mekeke woaxatsa ame ɖokui ɖe eme o." data/train/ISA/ISA_044_Verse_023.mp3,"O! Dziƒowo, midzi ha kple dzidzɔ, elabena Yehowae wɔ esia. O! Anyigba do ɣli sesĩe. Mido ha ɖa, mi towo, avewo kple avemetiwo, elabena Yehowa ɖe Yakob. Eɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le Israel." data/train/ISA/ISA_019_Verse_008.mp3,"Le ŋkeke mawo me la, woaɖi vɔsamlekpui gã aɖe ɖe Egiptenyigba la titina na Yehowa, eye woaɖi ŋkuɖodzikpe ɖe woƒe liƒo dzi na Yehowa." data/train/ISA/ISA_030_Verse_019.mp3,"na Egipte dukɔ si ŋu ŋutete aɖeke mele o. Eya ta meyɔe be Rahab, Wɔnavɔleŋutɔ." data/train/ISA/ISA_059_Verse_016.mp3,"Woƒoa da ƒe aziwo, eye wolɔ̃a yiyiɖɔ. Ame si ɖu woƒe aziwo la, aku, eye ne ɖe gbã la, ƒli ado tso eme." data/train/ISA/ISA_030_Verse_031.mp3,"Zi ale si Yehowa tsɔ eƒe toheti le Asiria ƒomii la, zi nenema kee axatsɛwo kple kasaŋkuwo anɔ ɖiɖim ne etsɔ eƒe alɔ sesẽ la le aʋa wɔm kplii le aʋagbedzi." data/train/ISA/ISA_048_Verse_012.mp3,"Miesee kpɔ loo alo se egɔme o. Tso blema ke, miaƒe towo meʋu o. Menya ale si miebaɖae la nyuie. Woyɔa mi tso ɖevime ke be, aglãdzelawo." data/train/ISA/ISA_013_Verse_015.mp3,"Miƒu to anyi, ɣli le ɖiɖim le towo dzi abe ameha gã aɖewoe le afi ma ene. Miƒu to anyi, zi tɔ le fiaɖuƒewo me abe dukɔ geɖewoe le ƒu ƒom ene. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae le amewo nu ƒom ƒu hena aʋawɔwɔ." data/train/ISA/ISA_050_Verse_004.mp3,"Aƒetɔ Yehowa, ʋu nye towo, eye nyemadze aglã o, nyemegbugbɔ yi megbe hã o." data/train/ISA/ISA_051_Verse_006.mp3,"Metsɔ nye nyawo de nuwò, eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te. Nye ame si tsɔ dziƒowo ɖo wo teƒe heɖo anyigba gɔme anyi, eye megblɔ na Zion be, ‘Nye dukɔ nènye.’ ”" data/train/ISA/ISA_057_Verse_008.mp3,"Fieŋufieŋu le lãme na mi ɖe legbawo ŋu, le logotiwo kple ati dama ɖe sia ɖe te. Mietsɔa mia viwo sãa vɔe le balimewo kple agakpetowo te." data/train/ISA/ISA_001_Verse_015.mp3,"ne miasrɔ̃ nyuiwɔwɔ! Midi nuteƒewɔwɔ, eye mide dzi ƒo na ame siwo wote ɖe anyi. Miʋli tsyɔ̃eviwo ta, eye miaxɔ nya ɖe ahosiwo nu." data/train/ISA/ISA_013_Verse_010.mp3,"Mahe to na xexea me le eƒe nu tovowo wɔwɔ ta, eye maxe fe na ame vɔ̃ɖiwo le woƒe nu vɔ̃wo ta. Matsi dadalawo ƒe dada nu, eye mate ŋutasẽlawo ƒe ɖokuidodoɖedzi ɖe to." data/train/ISA/ISA_062_Verse_010.mp3,"Yehowa na woɖe gbeƒãe le anyigba ƒe mlɔenuwo ke be, “Migblɔ na Zion vinyɔnu la be, ‘Kpɔ ɖa, wò Ɖela gbɔna! Kpɔ ɖa, eƒe fetu kple eƒe teƒeɖoɖo kpe ɖe eŋuti.’ ”" data/train/ISA/ISA_041_Verse_025.mp3,"Wò, ame si mekplɔ tso anyigba ƒe mlɔenuwo, meyɔ wò tso eƒe dzogoewo dzi ke. Megblɔ be, ‘Nye dɔlae nènye.’ Metia wò, eye nyemegbe wò o," data/train/ISA/ISA_023_Verse_001.mp3,"Ame kae ɖo nugbe sia ɖe Tiro ŋu, ame si ɖɔa fiakuku na amewo, eƒe adzɔdolawo nye amegãwo, eye eƒe asitsalawo nye ame xɔŋkɔwo le anyigba dzii?" data/train/ISA/ISA_051_Verse_013.mp3,"“Nye amehawo, miɖo tom, nye dukɔ, miaƒe to nenɔ ŋunye: Nufiame atso gbɔnye, eye nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anye kekeli na dukɔwo." data/train/ISA/ISA_044_Verse_010.mp3,"Atikpala la lã sedati, papawu alo logoti. Ena wòtsi le avemetiwo dome. Ɖewohĩ edo gboti hã, eye tsidzadza na wòtsi." data/train/ISA/ISA_001_Verse_029.mp3,"Zion nyɔnuvi tsi akogo abe agbadɔ si le waingble me ene, abe agblexɔe le dzamatregble me ene, eye abe du si ŋu futɔwo ɖe to ɖo ene." data/train/ISA/ISA_052_Verse_014.mp3,"Ɖo to afii, wò gbetakpɔlawo kɔ woƒe gbewo dzi hedo dzidzɔɣli ɖekae. Ne Yehowa trɔ gbɔ va Zion la, woakpɔe kple woƒe ŋkuwo." data/train/ISA/ISA_043_Verse_007.mp3,"Esi asixɔxɔ kple bubu le ŋutiwò le ŋkunye me, eye melɔ̃ wò ta la, matsɔ ŋutsuwo ana ɖe tewòƒe. Matsɔ amegbetɔwo ana ɖe wò agbe teƒe." data/train/ISA/ISA_015_Verse_001.mp3,"Ame siwo le Hesbon kple Eleale le avi fam sesĩe ale gbegbe be, woƒe ɣlidodo ɖo keke Yahaz. Esia na be Moab ƒe aʋawɔlawo wo avi gboo, eye dzi ɖe le wo ƒo." data/train/ISA/ISA_043_Verse_010.mp3,"Gbemelãwo, amegaxiwo kple golowo ade bubu ŋunye, elabena mena tsi do tso gbegbe, eye tɔsisiwo do ɖe kuɖiɖinyigba dzi be mana tsi nye amewo, nye ame tiatiawo," data/train/ISA/ISA_010_Verse_025.mp3,Nu ka miawɔ le akɔntanagbe la esi gbegblẽ atso adzɔge ava? Ame ka gbɔ miasi ayi wòana kpekpeɖeŋu mi? Afi ka miagble miaƒe kesinɔnuwo ɖo? data/train/ISA/ISA_011_Verse_010.mp3,"Mlɔeba la, wo kple eve la woaɖi aga adze Filistitɔwo dzi le ɣetoɖoƒe, eye woaha dukɔ siwo le ɣedzeƒe la. Woƒe asi asu Edom kple Moab dzi, eye Amon ƒe vi azu wo tenɔlawo." data/train/ISA/ISA_057_Verse_014.mp3,"Mekpɔ eƒe mɔwo, gake mada gbe le eŋu. Mafia mɔe, eye magbugbɔ afa akɔ nɛ." data/train/ISA/ISA_044_Verse_003.mp3,"Ame kae kpa aklamakpakpɛ mawo, eye wòli legba si mahe viɖe aɖeke vɛ nɛ o?" data/train/ISA/ISA_021_Verse_015.mp3,"Woɖe ŋutega dziŋɔ aɖe fiam; ametatrɔla trɔ ame ta, nuhala kpɔ nuhaha. Elam dze edzi! Media ƒu kpo ɖe eŋu! Mana hũɖeɖe siwo katã wòhe vɛ la nawu nu." data/train/ISA/ISA_027_Verse_007.mp3,"Nyemedo dziku o. Ɖe wònye ŋu kple aŋɔkawoe mie nam la, anye ne meho aʋa ɖe wo ŋuti, atɔ dzo wo katã." data/train/ISA/ISA_037_Verse_036.mp3,"Ɖe dukɔ siwo mía fofowo tsrɔ̃ va yi la ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Ɖe Gozan, Haran, Rezef kple Edentɔ siwo le Tel Asar la ƒe mawuwo ɖe woa?" data/train/ISA/ISA_010_Verse_014.mp3,"Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “O! Mi ame siwo le Zion, migavɔ̃ Asiria, ame si ƒo mi kple ameƒoti, eye wòɖe kpo ɖe mia dzi abe ale si Egipte wɔ ɖe mia ŋu la ene o." data/train/ISA/ISA_027_Verse_000.mp3,"Du si woglã la zu aƒedo, amenɔƒe si amewo megale o. Wogblẽe ɖi wòzu gbegbe, afi si nyiviwo ɖua gbe le; afi mae wotsyɔa akɔ ɖo, eye woɖua wainti ƒe alɔwo" data/train/ISA/ISA_030_Verse_003.mp3,"Ame siawo nye aglãdzelawo, vi alakpatɔwo, vi siwo mele klalo be yewoaɖo to Yehowa ƒe nufiamewo o." data/train/ISA/ISA_066_Verse_002.mp3,"Ame kae se esia tɔgbi kpɔ? Ame kae kpɔ esiawo kpɔ? Ɖe woate ŋu adzi dukɔ aɖe le ŋkeke ɖeka me, alo woadzi anyigba aɖe zi ɖeka kpoyia? Ke Zion ya léa ku hedzia viawo zi ɖeka kpoyi." data/train/ISA/ISA_036_Verse_018.mp3,"Tete Eliakim, Sebna kple Yoa gblɔ na aʋafia la be, “Míeɖe kuku, ƒo nu na wò dɔlawo le Aramgbe me, elabena míese Aramgbe. Mègaƒo nu na mi le Hebrigbe me o. Ne menye nenema o la, ame siwo nɔ anyi ɖe glia dzi la ase wò nyawo gɔme.”" data/train/ISA/ISA_057_Verse_012.mp3,"Matsɔ kafukafuha ade nu na Israel ƒe konyifalawo, eye ŋutifafa, ŋutifafa na ame siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa. Nye la, mayɔ dɔ wo katã.” Yehowae gblɔe." data/train/ISA/ISA_041_Verse_005.mp3,"Ame kae wɔ esia hekpɔ egbɔ be ede go, eye wòyɔ dzidzimewo tso gɔmedzedzea me ke? Nye, Yehowa, si nɔ kple gbãtɔwo, eye nenema ke mele kple mamlɛawo hã, Nyee.”" data/train/ISA/ISA_021_Verse_013.mp3,"Nye dzi tso, vɔvɔ̃ na medzo nyanyanya. Ale fiẽ fafɛ si mele mɔ kpɔm na la zu ŋɔdzi gã aɖe nam." data/train/ISA/ISA_042_Verse_011.mp3,"“Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si melé ɖe te, nye ame tiatia si ŋu mekpɔa ŋudzedze le; matsɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe eya amea dzi ne wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo." data/train/ISA/ISA_035_Verse_004.mp3,Dzata alo lã wɔadã aɖeke mazɔ afi ma o. Womakpɔ wo dometɔ aɖeke le afi ma o. Ke ame siwo woɖe la koe azɔ afi ma. data/train/ISA/ISA_051_Verse_009.mp3,"“Miɖo tom, mi ame siwo nya nu si le dzɔdzɔe. Mi ame siwo ƒe dziwo me nye se la le, migavɔ̃ amewo ƒe mokaname o, eye woƒe dzu megado ŋɔdzi na mi o," data/train/ISA/ISA_029_Verse_000.mp3,"Abe ale si dɔwuitɔ kua drɔ̃e be yele nu ɖum ene, ke ne enyɔ la, dɔwuame ganɔa anyi, eye abe ale si ame si wum tsikɔ le la kua drɔ̃e be yele tsi nom, ke ne enyɔ la, tsikɔ ganɔa ewum vevie ene la, nenema ke wòanɔ na dukɔwo ƒe ameha siwo ho aʋa ɖe Zion to la ŋuti." data/train/ISA/ISA_038_Verse_021.mp3,"“Yi nàgblɔ na Hezekia be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi, “Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò agbenɔƒewo ŋu.”" data/train/ISA/ISA_030_Verse_033.mp3,"Ɣleti aklẽ abe ɣe ene; Ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe edzi zi adre, eye wòanɔ abe ŋkeke adre ƒe kekeli ene, ne Yehowa bla abi na eƒe dukɔ la, eye wòwu abi si wòde wo ŋu la na wo." data/train/ISA/ISA_036_Verse_010.mp3,Ke mawuwo dometɔ kawoe le dukɔ siawo katã me si te ŋu ɖe eƒe anyigbawo tso nye asi me kpɔ hafi Yehowa ya ate ŋu aɖe Yerusalem tso nye asimea?” data/train/ISA/ISA_037_Verse_028.mp3,"“O! Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fiawo na be ame siawo kple woƒe anyigbawo zu gbegbe." data/train/ISA/ISA_003_Verse_016.mp3,"Sɔhɛwo te nye amewo ɖe to, eye nyɔnuwo nye woƒe dziɖulawo. O! Nye amewo, mia kplɔlawo kplɔ mi trae, wote mi ɖa le mɔ la dzi." data/train/ISA/ISA_065_Verse_005.mp3,"Amegaxi kple alẽvi aɖu gbe le teƒe ɖeka. Dzata aɖu gbe abe nyi ene, ke ʋuʋudedi anye da ya ƒe nuɖuɖu. Womawɔ nu vevi ame alo agblẽ nu le nye to kɔkɔewo katã dzi o.” Yehowae gblɔe." data/train/ISA/ISA_037_Verse_027.mp3,"“O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba." data/train/ISA/ISA_043_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa, ame si ɖe mɔ to atsiaƒu me, ame si ɖe mɔ to tɔsisi gãwo me," data/train/ISA/ISA_046_Verse_010.mp3,"Wo dometɔ aɖewo dudua sika le woƒe kotokuwo me ɖe anyigba, eye wodaa klosalo le nudanu me. Woyɔa sikanutula be wòatsɔe awɔ mawue na wo, eye wodea ta agu hesubɔnɛ." data/train/ISA/ISA_024_Verse_016.mp3,"Tso anyigba ƒe mlɔea nu ke, miese ha ƒe ɖiɖi be, “Ŋutikɔkɔe woana Dzɔdzɔetɔ la.” Ke megblɔ be, “Evɔ nam, evɔ nam, baba nam. Wodem asi! Ametatrɔlawo dem asi!”" data/train/ISA/ISA_013_Verse_002.mp3,"Babilonia, fiaɖuƒewo ƒe nu xɔasi, Mawu amu Babiloniatɔwo ƒe dada aƒu anyi abe Sodom kple Gomora ene." data/train/ISA/ISA_009_Verse_018.mp3,"Woatɔ dzo aʋawɔlawo ƒe afɔkpawo kple awu si bliba ʋu le aʋa me la, eye dzo afia wo," data/train/ISA/ISA_006_Verse_004.mp3,"Eye mese Aƒetɔ la ƒe gbe wòbia be, “Ame ka madɔ, eye ame ka ayi na mí?” Meɖo eŋu be, “Aƒetɔ, nyee nye esi, dɔm!”" data/train/ISA/ISA_034_Verse_011.mp3,"To wɔadãwo atsrɔ̃ akpe ɖe wo ŋu, nenema kee nye nyitsu viwo kple nyitsu gãwo hã. Ʋu asi to woƒe anyigba dzi bababa, eye lãwo ƒe ami aƒo anyigba bekee," data/train/ISA/ISA_041_Verse_004.mp3,"“Ame kae de dzo lãme na ame si tso ɣedzeƒe, heyɔe le dzɔdzɔenyenye me be wòatsɔ dɔ nɛ? Etsɔ dukɔwo de asi nɛ, eye wòfanya fiawo le eŋkume. Etsɔ eƒe yi wɔ wo wozu kewɔ, eye wòtsɔ eƒe aŋutrɔ wɔ wo wozu abe atsa si ya ƒo ene." data/train/ISA/ISA_028_Verse_028.mp3,"Zi ale si nu wòva la, zi nenema ke wòakplɔ mi adzoe. Tso ŋdi yi ŋdi, le ŋkeke me kple zã me, ava ato mia dzi ayi.” Gbedeasi sia gɔmesese ɖeɖe ahe ŋɔdzi vɛ." data/train/ISA/ISA_034_Verse_006.mp3,"Gbemelã vovovowo ado go kple amegaxiwo, eye gbedzigbɔ̃wo axlɔ̃ na wo nɔewo le afi ma. Anye nɔƒe na xe siwo nɔa zã me eye woakpɔ gbɔɖeme na wo ɖokuiwo le afi ma." data/train/ISA/ISA_040_Verse_000.mp3,"Ame dahe si, si nu siawo mele o la wɔa ati si megblẽna o la ŋu dɔ. Edia atikpala si aɖaŋu le mo na be wòakpa aklamakpakpɛ, eye wòalii be mamu adze anyi o." data/train/ISA/ISA_009_Verse_009.mp3,"elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí. Dziɖuɖu le eƒe abɔta, eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be, “Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ, Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia.”" data/train/ISA/ISA_025_Verse_001.mp3,Ami ku tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le amewo ƒe ŋkume. Aɖe eƒe dukɔ la ƒe ŋukpe ɖa le anyigba blibo la dzi. Yehowae gblɔe. data/train/ISA/ISA_007_Verse_003.mp3,"Efraim ƒe tae nye Samaria, eye Samaria ƒe tae nye Remalia ƒe viŋutsu. Ne mienɔ te sesĩe le xɔse me o la, ekema mianɔ te hã o.’ ”" data/train/ISA/ISA_024_Verse_001.mp3,"Ame si le ŋɔdzi nu la age adze ʋe globo la me; ame si dze agbagba do le ʋe globo la me la, kamɔ aɖee, elabena dziƒo ƒe fesrẽwo ʋu, eye anyigba ƒe agunu ʋuʋu." data/train/ISA/ISA_049_Verse_026.mp3,Ɖe woate ŋu axɔ nu siwo kalẽtɔwo ha la le wo si alo axɔ aboyomewo le ŋutasẽlawo sia? data/train/ISA/ISA_005_Verse_023.mp3,"Ke woado Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ɖe dzi le eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye Mawu Kɔkɔe la aɖe eƒe kɔkɔenyenye afia to eƒe dzɔdzɔenyenye me." data/train/ISA/ISA_052_Verse_003.mp3,"Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi, “Wotsɔ mi dzra naneke maxɔmaxɔe, eya ta woagbugbɔ mi axɔ, gake menye kple ga o.”" data/train/ISA/ISA_033_Verse_016.mp3,"O! Yehowa, ve mía nu; míele diwòm vevie. Nye míaƒe ŋusẽ ŋdi sia ŋdi. Nye mía ɖela le xaxaɣeyiɣiwo me." data/train/ISA/ISA_037_Verse_026.mp3,"“O! Hezekia, esia anye dzesi na wò: “Ƒe sia me la, àɖu nuku si mie le eya ŋutɔ ɖokui si, eye le ƒe evelia me la, àɖu nu si mie tso gbãtɔ me. Ke le ƒe etɔ̃lia me la, àƒã nu, eye àxa nu. Àde waingble eye àɖu eƒe tsetsea" data/train/ISA/ISA_033_Verse_019.mp3,"Wò ŋkuwo akpɔ fia la le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo gã me, eye àkpɔ anyigba keke la le adzɔge." data/train/ISA/ISA_022_Verse_003.mp3,"Aŋlɔ wò nogoe abe abo ene, eye wòatsɔ wò aƒu gbe ɖe anyigba gã aɖe dzi. Afi ma nàku ɖo, eye afi ma wò tasiaɖam ɖablawo atsi. Wò ame si nye ŋukpe na wò aƒetɔ ƒe aƒe." data/train/ISA/ISA_018_Verse_005.mp3,"Woagblẽ wo katã ɖi na to dzi xe ƒonuwo kple anyigbadzilãwo; xe ƒonuwo anɔ wo dzi le dzomeŋɔli, eye anyigbadzilãwo katã anɔ wo dzi le vuvɔŋɔli." data/train/ISA/ISA_034_Verse_001.mp3,"Azu nɔƒe na adzexewo. Afi ma akpaviã kple xe bubuwo awɔ atɔ ɖo. Mawu atsɔ eƒe dzidzeka aɖo Edom ŋuti, eye wòada wo le gbegblẽ masɔmasɔ ƒe nudanu me." data/train/ISA/ISA_044_Verse_008.mp3,"Ame siawo menya naneke o. Womese naneke gɔme o. Nu tsyɔ woƒe ŋkuwo dzi be womegakpɔ nu o, eye woƒe susuwo me xe be womagase naneke gɔme o." data/train/ISA/ISA_016_Verse_008.mp3,"Na be Moab ƒe aʋasilawo nanɔ gbɔwò, eye nànye woƒe sitsoƒe tso nugblẽla ƒe asi me.” Ŋutasẽla ƒe ɣeyiɣi ava yi, eye gbegblẽ hã nu atso. Ameyometila hã abu ɖa keŋ le anyigba dzi." data/train/ISA/ISA_016_Verse_000.mp3,"Abe ale si wonyaa xe dzodzoewo le woƒe atɔwo me ene la, nenema ke wòanɔ na Moab nyɔnuwo le Arnon ƒe tɔtsoƒewo." data/train/ISA/ISA_026_Verse_014.mp3,"O! Yehowa, míaƒe Mawu, aƒetɔ bubuwo ɖu mía dzi kpe ɖe ŋuwò, ke wò ɖeka ko ƒe ŋkɔ ŋutie míede bubue." data/train/ISA/ISA_040_Verse_016.mp3,"Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke miaƒe Mawu ƒe nya nɔa anyi tegbee.”" data/train/ISA/ISA_066_Verse_020.mp3,"Woakplɔ nɔviwò ŋutsuwo katã ɖe asi vɛ, woanɔ sɔwo dzi, woanɔ tasiaɖamwo me, woanɔ kekewo, tedzisɔwo kple kposɔwo dzi, tso dukɔwo katã dome ava nye to kɔkɔe, Yerusalem dzi abe vɔsa ene na Yehowa. Woatsɔ wo vɛ abe ale si Israelviwo tsɔa nuɖuvɔsa vaa Yehowa ƒe gbedoxɔ me ɖe agba gbadzɛwo me ene," data/train/ISA/ISA_001_Verse_023.mp3,"Tsã la, klosalo si le keklẽm la wònye, ke azɔ la, elé ɣebia eye wòzu abe wain nyuitɔ si wotɔ tsii ene." data/train/ISA/ISA_030_Verse_023.mp3,"Togbɔ be Aƒetɔ la tsɔ abolo na mi le hiã me, kple tsi na mi le xaxa me hã la, miaƒe nufialawo magabe azɔ o, ke boŋ miakpɔ wo kple miaƒe ŋkuwo." data/train/ISA/ISA_037_Verse_038.mp3,"Ɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’ ”" data/train/ISA/ISA_049_Verse_023.mp3,"Viwò ŋutsuwo ɖe abla trɔ gbɔ, eye ame siwo ha mi la dzo le mia gbɔ." data/train/ISA/ISA_049_Verse_004.mp3,"Dɔ kple tsikɔ magawu wo azɔ o. Dzogbe xɔdzo alo ŋdɔkutsu magaɖu wo azɔ o. Ame si kpɔa nublanui na wo la anye woƒe mɔfiala, eye wòakplɔ wo ayi tɔʋuwo to." data/train/ISA/ISA_004_Verse_001.mp3,Aƒetɔ la aklɔ ɖiƒoƒo ɖa le Zion nyɔnuwo ŋu. Aklɔ ʋu si kɔ ɖe Yerusalem la ɖa kple nuteƒewɔwɔ ƒe gbɔgbɔ kple dzo ƒe gbɔgbɔ. data/train/ISA/ISA_046_Verse_008.mp3,"“O! Yakob ƒe aƒe, miɖo tom. Mi ame siwo katã susɔ na Israel ƒe aƒe la, mi ame siwo melé ɖe asi tso gbe si gbe wofɔ miaƒe fu, eye metsɔ mi tso gbe si gbe wodzi mi" data/train/ISA/ISA_005_Verse_028.mp3,"Woƒe gbeɖeɖe le abe dzata tɔ ene, eye woɖea gbe abe dzataviwo ene. Wotea gbe heléa nu, eye wotsɔa nu si wolé la dzonae, ame aɖeke mate ŋu axɔe le wo si o." data/train/ISA/ISA_059_Verse_004.mp3,"Edo dzɔdzɔenyenye abe eƒe akɔtakpoxɔnu ene, eye xɔxɔ ƒe gakuku le ta nɛ. Etsɔ hlɔ̃biabia ƒe awuwo do, eye wòtsɔ ŋuʋaʋã xatsa ɖe eɖokui ŋu abe doɖedzi ene." data/train/ISA/ISA_002_Verse_011.mp3,"Ne Yehowa tso be yeaʋuʋu anyigba la, amewo asi age ɖe agadowo me le kpewo tome kple dowo me le anyigba ƒe tume, le eƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ ta." data/train/ISA/ISA_041_Verse_017.mp3,"Mana tɔsisiwo nasi ato to ƒuƒluwo tame, eye tometsiwo nasi to balimewo. Mana gbegbewo nazu tɔʋuwo, eye kuɖiɖinyigba nazu tsidzɔƒewo." data/train/ISA/ISA_022_Verse_019.mp3,"Mieɖe tsiʋe gã aɖe ɖe gli eveawo dome, helɔ tsi le ta xoxo la me kɔ ɖe eme, gake miebia ame si wɔe la ta se o, alo miede bubu ame si wɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso blema ke la ŋu o." data/train/ISA/ISA_010_Verse_018.mp3,"Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsɔ ŋusẽ gã aɖe alã atilɔwo tso ati siwo kɔ de dzi bobobo, eye wòabɔbɔ ketɔwo ɖe anyi." data/train/ISA/ISA_001_Verse_007.mp3,"Melé fu miaƒe dzinu yeye ŋkekenyuiwo kple ŋkekenyui bubuawo. Wozu agba nam, eye nu ti kɔ nam le wo tsɔtsɔ me." data/train/ISA/ISA_007_Verse_014.mp3,"Ke hena togbɛ siwo woŋlɔna kple kodzoe tsã la, miagate ŋu ayi afi mawo o, ɖe vɔvɔ̃ na ŋu kple aŋɔkawo ta, ke woava zu nyiwo kple alẽwo nyiƒe." data/train/ISA/ISA_014_Verse_007.mp3,Dukɔwo katã ƒe fiawo mlɔ anyi ɖe woƒe yɔdowo me le bubu me. data/train/ISA/ISA_026_Verse_012.mp3,Miʋu agboawo be dukɔ dzɔdzɔe la nage ɖe eme; dukɔ si lé xɔse me ɖe asi. data/train/ISA/ISA_024_Verse_021.mp3,"Womegatsɔa hadzidzi noa wain o, eye aha sesẽ hã ve le nu me na enolawo" data/train/ISA/ISA_009_Verse_013.mp3,"gake Yehowa do Rezin ƒe futɔwo ɖe dzi ɖe wo ŋu, eye wòde ƒu lãme na eƒe futɔwo." data/train/ISA/ISA_021_Verse_012.mp3,"Ne ekpɔ tasiaɖamwo kple sɔdolawo ƒe hã, tedzidolawo kple kposɔdolawo la, ekema neɖo to, wòagaɖo to nyuie.”" data/train/ISA/ISA_025_Verse_003.mp3,"elabena Yehowa, wòe nye sitsoƒe na ame dahewo, xɔnametɔ na hiãtɔwo le xaxa me, bebeƒe le ahom me kple vɔvɔli le ŋdɔkutsu helĩhelĩ nu. Ŋutasẽlawo lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo abe yatsi si le ƒoƒom ɖe gli ŋu la ene," data/train/ISA/ISA_042_Verse_013.mp3,"Makaka towo kple togbɛwo, mana gbe damawo katã naƒu, mana tɔsisiwo nazu tɔdomekpowo, eye mana tɔʋuwo namie keŋkeŋ." data/train/ISA/ISA_028_Verse_022.mp3,"Woate fli ɖe nu si miebla kple ku la me, eye gbe si mieɖo ɖi kple yɔdo la madze edzi o. Ne dɔvɔ̃ zɔ va yi la, adze mi katã dzi, eye miaɖo baba." data/train/ISA/ISA_016_Verse_006.mp3,"Míese nu tso Moab ƒe dada, eƒe asitɔtɔ akɔ kple ɖokuidodoɖedzi, eƒe dada kple eƒe amemabumabu ŋu, gake eƒe adegbeƒoƒowo katã nye dzodzro," data/train/ISA/ISA_037_Verse_029.mp3,"O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo katã Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa." data/train/ISA/ISA_042_Verse_005.mp3,"Èkpɔ nu geɖe, gake mètsɔ wo de ta me o, wò towo le ʋuʋu ɖi, gake mèse naneke o.”" data/train/ISA/ISA_006_Verse_007.mp3,"Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tu woƒe towo, eye nàmia woƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, woava kpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, ase nu kple woƒe towo, ase nu gɔme kple woƒe dziwo, eye woatrɔ akpɔ dɔyɔyɔ.”" data/train/ISA/ISA_035_Verse_000.mp3,"Ame siwo Yehowa xɔ ƒle la koe atrɔ gbɔ. Woatsɔ hadzidzi age ɖe Zion; woatsɔ dzidzɔ mavɔ aɖo atsyɔ̃ na woƒe tawo. Dzidzɔ kple aseyetsotso adze wo ŋgɔ, eye nuxaxa kple hũɖeɖe maganɔ anyi o." data/train/ISA/ISA_042_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa, Mawu, ame si wɔ dziƒo, eye wòhe eme, ame si keke anyigba kple nu siwo katã doa go tso eme, ame si na agbegbɔgbɔ edzinɔlawo, eye wòna agbe ame siwo zɔna le edzi la gblɔe nye esi." data/train/ISA/ISA_048_Verse_005.mp3,"Le nye ŋutɔ nye ŋkɔ ta la, mehe nye dɔmedzoe ɖe megbe. Le nye kafukafu ta la, nyemena wòva mia dzi o, be nyematsrɔ̃ mi o." data/train/ISA/ISA_010_Verse_016.mp3,"Israel ƒe Kekeli azu dzo, eƒe Kɔkɔetɔ la anɔ abe dzo bibi ene, eye le ŋkeke ɖeka dzi la, abi afia ŋuwo kple aŋɔkawo." data/train/ISA/ISA_006_Verse_010.mp3,"Va se ɖe esime Yehowa nya ame sia ame ɖo ɖe aboyome, eye anyigba la katã nagblẽ keŋkeŋkeŋ." data/train/ISA/ISA_024_Verse_011.mp3,"eya ta fiƒode anye atsyɔ anyigba la dzi, eye edzinɔlawo ƒe vodadawo ava woƒe ta dzi. Esia ta anyigbadzinɔlawo fia, eye ame ʋɛ aɖewo koe susɔ." data/train/ISA/ISA_001_Verse_018.mp3,"Ne mielɔ̃, eye mieɖo to la, miaɖu anyigba la ƒe nu nyuitɔwo." data/train/ISA/ISA_024_Verse_012.mp3,"eya ta mi, ɣedzeƒetɔwo, mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa; mido Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ɖe dzi le ƒukpowo dzi." data/train/ISA/ISA_045_Verse_014.mp3,"“Mi dziŋgɔlĩwo, midza dzɔdzɔenyenye abe tsi ene. Lilikpowo nena wòadza. Na anyigba nake nu baa. Na ɖeɖe nado tso eme, eye na dzɔdzɔenyenye natsi kplii. Nye Yehowae wɔe." data/train/ISA/ISA_006_Verse_003.mp3,"Eye megblɔ bena “Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Aƒetɔ?” Eɖo ŋu be, “Va se ɖe esime duwo katã zu aƒedo, eye ame aɖeke megale wo me o. Va se ɖe esime aƒewo katã naɖi gbɔlo, eye anyigba la katã nazu gbegbe." data/train/ISA/ISA_057_Verse_005.mp3,"Ètsɔ wò trɔ̃subɔnuwo da ɖe wò ʋɔtruwo kple ʋɔtrutiwo megbe. Ègbe nu le gbɔnye. Èklo nu le wò aba dzi hede edzi, eye nèkekee ɖe edzi hebla enu kple ame siwo ƒe abawo nèlɔ̃, eye nèkpɔ woƒe amame." data/train/ISA/ISA_009_Verse_016.mp3,"ne amewo katã nadze sii hekpe ɖe Efraim kple Samariatɔwo, ame siwo nɔa gbɔgblɔm le dada kple adegbe ƒuƒlu me be," data/train/ISA/ISA_014_Verse_016.mp3,"Logotiwo kple Lebanon ƒe sedatiwo le dzidzɔ kpɔm ɖe ŋu wò, eye wogblɔ be, “Azɔ esi wolã wo ƒu anyi la, atidzela aɖeke magava lã mi aƒu anyi o.”" data/train/ISA/ISA_014_Verse_019.mp3,"“Mana wòazu hlɔ̃madɛwo nɔƒe, eye matsɔ gbegblẽ ƒe xa akplɔ woe.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/ISA/ISA_005_Verse_027.mp3,"Woƒe datiwo le ɖaɖam, eye woku woƒe dawo me. Woƒe sɔwo ƒe afɔwo le abe dzosigbewo ene, eye woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo le abe yali ene." data/train/ISA/ISA_022_Verse_013.mp3,"Matsɔ David ƒe aƒe ƒe safui la aɖo abɔta nɛ. Nu sia nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu sia nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o." data/train/ISA/ISA_014_Verse_005.mp3,"Anyigbawo katã gbɔ ɖe eme le ŋutifafa me, eye wode asi hadzidzi kple dzidzɔkpɔkpɔ me." data/train/ISA/ISA_002_Verse_017.mp3,"Woasi ayi ɖe agadowo kple kpewo tome kpakple agakpe kɔkɔwo tame be woasi le Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃nu, ne etso be yeaʋuʋu anyigba." data/train/ISA/ISA_036_Verse_006.mp3,"Emegbe la, Asiria fia dɔ eƒe aʋafia kple aʋakɔ gã aɖe tso Lakis ɖo ɖe Fia Hezekia le Yerusalem. Esi aʋafia la kple eŋumewo va tɔ ɖe Dzigbeta la ƒe tɔʋu to, le mɔ si ɖo ta avɔnyala ƒe nunyaƒe la," data/train/ISA/ISA_034_Verse_000.mp3,"Adzexe awɔ atɔ, aɖa azi ɖe eme le afi ma, aƒo vi, akpɔ viawo dzi, eye wòatsɔ eƒe aʋalawo atsyɔ wo dzi. Afi siae akagawo aƒo ƒu ɖo, atsu kple asi." data/train/ISA/ISA_042_Verse_006.mp3,"Eya ta wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la kple aʋawɔwɔ ƒe nu vlowo kɔ ɖe wo dzi. Ena dzo bi ƒo xlã wo, gake womese egɔme o. Dzo la fia wo, gake mede dzi gbɔ na wo o." data/train/ISA/ISA_021_Verse_010.mp3,"Kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe le tasiaɖam me kple sɔdolawo ƒe ha gbɔna, eye wòna ŋuɖoɖo siam be, ‘Babilonia mu, gamu. Wogbã eƒe legbawo katã ƒu anyi.’ ”" data/train/ISA/ISA_019_Verse_007.mp3,"Le ŋkeke ma me la, Yehowa aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, woadze si Yehowa, eye woatsɔ woƒe vɔsawo kple nunanawo asubɔe. Woaɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woawɔ edzi." data/train/ISA/ISA_054_Verse_011.mp3,"“O! Wò du si kpe hiã, ahom lɔ wò ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o. Matsɔ kpe ŋɔŋɔewo atu wòe, eye matsɔ adzagba aɖo gɔwòme anyi." data/train/ISA/ISA_050_Verse_009.mp3,"Metsɔ viviti tsyɔ lilikpo ŋgɔ, eye mena akpanya zu edzitsyɔnu.”" data/train/ISA/ISA_010_Verse_013.mp3,"Elabena egblɔ be, “ ‘Nye ŋutɔe tsɔ nye asi wɔ nu siawoe. Meɖe dukɔwo ƒe liƒowo ɖa, ha woƒe kesinɔnuwo, eye abe ŋusẽtɔ ene la, mebɔbɔ woƒe fiawo ɖe anyi." data/train/ISA/ISA_060_Verse_008.mp3,"elabena kpɔ ɖa, viviti ado ɖe anyigba katã dzi, eye blukɔ tsiɖitsiɖi atsyɔ eƒe amewo dzi, gake Yehowa adze ɖe dziwò, eye eƒe ŋutikɔkɔe anɔ dzedzem le dziwò." data/train/ISA/ISA_043_Verse_006.mp3,"elabena nye Yehowa, wò Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò ɖela. Metsɔ Egipte ƒle tawò, eye Kus kple Seba axɔ ɖe tewòƒe." data/train/ISA/ISA_063_Verse_011.mp3,"Mefanya dukɔwo le nye dziku me. Le nye dɔmedzoe helĩhelĩ la me, mena womu aha, eye metrɔ woƒe ʋu kɔ ɖe anyigba.”" data/train/ISA/ISA_003_Verse_009.mp3,"Eya ta Aƒetɔ Yehowa ana be Zion nyɔnuwo ƒe ta nabebe kple abi, Yehowa ana be ta nakpa na wo.”" data/train/ISA/ISA_028_Verse_008.mp3,"eya ta mise Yehowa ƒe nya, mi fewuɖula siwo le ame siawo dzi ɖum le Yerusalem." data/train/ISA/ISA_030_Verse_022.mp3,"O! Mi Zion nɔlawo, ame siwo le Yerusalem, miagafa avi azɔ o. Ave mia nu ne miefa avi be wòakpe ɖe mia ŋu. Ne enya see ko la, aɖo to mi." data/train/ISA/ISA_020_Verse_002.mp3,"Le ɣe ma ɣi la, ame siwo le ƒuta afi sia la agblɔ be, mikpɔ nu si va dzɔ ɖe ame siwo miesina tsona be woaxɔ na mi le Asiria ƒe asi me la dzi ɖa. Ke azɔ la, aleke miawɔ asi?”" data/train/ISA/ISA_002_Verse_020.mp3,"Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple legbawo, wodea ta agu na woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo, eye wodzea klo na nu siwo woƒe asibidɛwo wɔ," data/train/ISA/ISA_052_Verse_000.mp3,"Abe ale si ame geɖewo ƒe nu ku le eŋuti, eƒe dzedzeme tro kpaɖikpaɖi wu ame sia ame tɔ, eye eƒe nɔnɔme gblẽ ale gbegbe be, megaɖi amegbetɔ o ene la," data/train/ISA/ISA_060_Verse_020.mp3,"Womagase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi, tsɔtsrɔ̃ loo alo gbegblẽ hã manɔ wò liƒowo dzi o. Ke boŋ àyɔ wò gliwo be Ɖeɖekpɔkpɔ, eye wò agbowo be Kafukafu." data/train/ISA/ISA_060_Verse_014.mp3,"“Togbɔ be wogble wò ɖi helé fu wò, eye ame aɖeke meto mewò yi o hã la, matsɔ wò awɔ atsyɔ̃ mavɔ kple dzidzɔe na dzidzimewo katã." data/train/ISA/ISA_047_Verse_014.mp3,"Yi te dzi nàtu wɔ. Ɖe wò motsyɔvɔ da ɖi. Klo wò avɔ ɖe dzi. Na wò afɔwo nadze, eye nàtso tɔwo." data/train/ISA/ISA_014_Verse_002.mp3,"Ame dahewo ƒe ame dahe akpɔ nyuiƒe, eye hiãtɔwo atsyɔ akɔ anyi le dedinɔnɔ me. Ke matsɔ dɔtoto atsrɔ̃ wò ame siwo tsi agbe la." data/train/ISA/ISA_013_Verse_007.mp3,"Kpɔ ɖa, made adã ta me na Mediatɔwo ɖe wo ŋu; ame siwo mebua klosalo ɖe naneke me o, eye sika gɔ̃ hã medoa dzidzɔ na wo o." data/train/ISA/ISA_029_Verse_019.mp3,"Wò futɔ gbogboawo anɔ abe kewɔ memi ene, eye ŋutasẽlawo ƒe ha anɔ abe tsro si ya lɔ ɖe nu la ene; kasia zi ɖeka kpoyi," data/train/ISA/ISA_032_Verse_008.mp3,"Le ƒe ɖeka kple edzivɔ siwo gbɔna me la, mi ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ la miaʋuʋu. Miaƒe wainkawo agbe tsetse, eye atikutsetse bubuwo hã matse na mi o." data/train/ISA/ISA_025_Verse_009.mp3,"Le to sia dzi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsɔ nuɖuɖu damiwo aɖo kplɔ̃e na dukɔwo katã. Wain tsitsitɔ anɔ afi ma. Lã damitɔ akpe ɖe eŋu, eye wain nyuitɔ abɔ ɖe eŋu." data/train/ISA/ISA_058_Verse_000.mp3,"ekema àkpɔ dzidzɔ le Yehowa me, eye mana be nàɖi tsa ade anyigba ƒe kɔkɔƒewo ahaɖu fofowò, Yakob ƒe domenyinu.” Yehowa ƒe nue gblɔe." data/train/ISA/ISA_053_Verse_001.mp3,"Amewo do vloe, eye wogbee. Ŋutsu si dzi vevesese kple fukpekpe le la wònye. Ele abe ame si ta amewo tsɔ nu tsyɔ ŋkume ɖo la ene. Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o." data/train/ISA/ISA_029_Verse_009.mp3,"Eya ta ale Yehowa, ame si ɖe Abraham, gblɔ na Yakob ƒe aƒe lae nye esi, “Ŋu magakpe Yakob azɔ o. Woƒe mo magatsi dãa o." data/train/ISA/ISA_030_Verse_027.mp3,"Yehowa ana be amewo nase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye wòana woakpɔ eƒe alɔ wòaɖiɖi ɖe anyi kple dɔmedzoe helĩhelĩ, dzo si biaa nu, ahomya, tsidzadza sesẽ kple tsikpe." data/train/ISA/ISA_022_Verse_021.mp3,"O! Hoowɔwɔ ƒe du, ʋunyaʋunya kple aglotutu ƒe du, nu kae le wɔwòm? Wò ame kukuwo la, menye yi nu wotsi o, eye menye aʋa hãe wotsi o." data/train/ISA/ISA_065_Verse_019.mp3,"Saron azu lãnyiƒe na alẽhawo, eye Akor ƒe balime azu nyiwo ƒe gbɔɖemeƒe na nye ame siwo dia nye mɔ." data/train/ISA/ISA_005_Verse_008.mp3,"Baba na ame siwo nye kalẽawo le wain gã nono me, eye wonye dziɖulawo le ahamuamewo tɔtɔ me," data/train/ISA/ISA_037_Verse_032.mp3,"Wotsɔ woƒe mawuwo ƒu gbe ɖe dzo me hetsrɔ̃ wo, elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ ati kple kpe wonye, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwoe." data/train/ISA/ISA_035_Verse_009.mp3,"Tekunɔ ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔ ado dzidzɔɣli, Tɔsisi aŋɔ ɖe gbegbe, eye tɔʋuwo asi tso gbedadaƒo." data/train/ISA/ISA_043_Verse_013.mp3,"Kpɔ ɖa, mele nu yeye wɔm! Edo mo ɖa xoxo, mèle ekpɔm oa? Mele mɔ tam ɖe gbedzi, eye mana tɔsisiwo nado ɖe kuɖiɖinyigba dzi." data/train/ISA/ISA_010_Verse_003.mp3,"Ame mamlɛawo atrɔ gbɔ, Yakob ƒe ame mamlɛawo atrɔ ɖe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu." data/train/ISA/ISA_029_Verse_021.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ava kple dziɖegbe, anyigbaʋuʋu kple gbeɖiɖi gã aɖe. Yaƒoƒo sesẽ, ahom kple dzo ƒe aɖe siwo biaa nu akpe ɖe eŋuti." data/train/ISA/ISA_029_Verse_003.mp3,"Alo ne mietsɔ agbalẽ la na ame si mate ŋu axlẽ nu o hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku xlẽ nu sia nam” la, aɖo eŋu be, “Nyemenya agbalẽxexlẽ o.”" data/train/ISA/ISA_005_Verse_019.mp3,"Eya ta Yehowa ƒe dziku bi ɖe eƒe amewo ŋu. Ekɔ eƒe alɔ dzi, eye wòƒo wo ƒu anyi. Towo ʋuʋu kpekpekpe, eye ŋutilã kukuwo le abe gbeɖuɖɔ le aɖukpo dzi ene. To esiawo katã gbɔ hã la, eƒe dziku nu mefa o, eƒe alɔ gale dzi ko." data/train/ISA/ISA_002_Verse_001.mp3,"Ame geɖewo ava agblɔ be, “Miva míayi Yehowa ƒe to la dzi, míage ɖe Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la me; afia eƒe mɔwo mí be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.” Nufiame atso Zion ava, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava." data/train/ISA/ISA_034_Verse_016.mp3,"Ŋu avu atsyɔ woƒe fiasã kɔkɔwo dzi, gbe fieŋuiwo kple aŋɔkawo amie ɖe woƒe mɔ sesẽwo me, eye anyigba la azu nɔƒe na asilãwo kple aƒe na golowo." data/train/ISA/ISA_011_Verse_004.mp3,"Dzɔdzɔenyenye anye eƒe alidziblaka, eye nyateƒe anye alidziblanu le eƒe aklito." data/train/ISA/ISA_047_Verse_012.mp3,"Woaɖe amama wò, eye woaklo nu le wò ŋukpeƒe dzi. Mabia hlɔ̃, eye nyemaɖe ame aɖeke le eme o.”" data/train/ISA/ISA_050_Verse_010.mp3,"Nu ka ta esi meva la, ame aɖeke meli o? Nu ka ta esi meyɔ mi la, ame aɖeke metɔ o? Ɖe nye abɔ to ɖe me be mate ŋu aɖe mi oa? Ɖe ŋusẽ mele ŋunye be maxɔ na mi oa? Gbe ko meɖe, tete atsiaƒu mie. Mena tɔsisiwo zu gbegbe, eye lã siwo le wo me la ƒaƒã, elabena tsi mie le wo ŋu, eye tsikɔ wu wo woku." data/train/ISA/ISA_010_Verse_004.mp3,"Ava eme le ɣe ma ɣi me be Israel ƒe ame mamlɛawo kple Yakob ƒe aƒe, ame siwo tsi agbe la, magaɖo dzi ɖe ame si ƒo wo la ŋu o, ke boŋ aɖo dzi ɖe Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu le nyateƒe me." data/train/ISA/ISA_060_Verse_022.mp3,"Ɣe maganye wò akaɖi le ŋkeke me loo alo ɣleti naklẽ ɖe dziwò o, elabena Yehowa anye wò kekeli tegbee ye wò Mawu anye wò ŋutikɔkɔe." data/train/ISA/ISA_045_Verse_017.mp3,"Miɖe gbeƒã nu si ava dzɔ. Migblɔe ne woase. Mina woaƒo ƒu ade aɖaŋu. Ame kae gblɔ nya sia ɖi le blema, eye wòɖe gbeƒãe gbe aɖe gbe ʋĩi va yi? Ɖe menye nye Yehowae oa? Mawu bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o. Nye la, Mawu dzɔdzɔetɔ kple Ɖelae menye. Ɖeke megali o, negbe nye koe." data/train/ISA/ISA_003_Verse_023.mp3,"“Zion nyɔnuwo dana, wolia kɔ ganɛ hafi nɔa zɔzɔm. Woɖoa ahĩamo, nɔa zɔzɔm, nɔa ble nyem xatsɛxatsɛ, eye gavi siwo le woƒe afɔkɔe la nɔa ɖiɖim gliŋgliŋgliŋ." data/train/ISA/ISA_044_Verse_006.mp3,"Ame si gblɔ na tɔ goglowo be, ‘Mimie, mana mia me tsiwo namie.’" data/train/ISA/ISA_026_Verse_017.mp3,Wotua afɔe ƒua anyi. Ame dahewo kple ame siwo wote ɖe to lae tua afɔe. data/train/ISA/ISA_062_Verse_006.mp3,"Mito eme yi, mito agboawo me yi! Midzra mɔ ɖo na dukɔ la. Mido mɔ, mido mɔtatawo. Miɖe kpewo ɖa le mɔa dzi. Mikɔ aflaga dzi na dukɔwo." data/train/ISA/ISA_056_Verse_008.mp3,"woawoe makplɔ ava nye to kɔkɔe la dzi, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me. Maxɔ woƒe numevɔsa kple akpedavɔsa siwo wotsɔ va nye vɔsamlekpui dzi, elabena woayɔ nye aƒe la be dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.”" data/train/ISA/ISA_013_Verse_011.mp3,"Mana amegbetɔwo nave wu sika nyuitɔ, eye amegbetɔ kodzogbeawo hã ave wu sika si tso Ofir." data/train/ISA/ISA_062_Verse_001.mp3,Ànye atsyɔ̃kuku le Yehowa ƒe asi me kple fiakuku le wò Mawu ƒe asi me. data/train/ISA/ISA_066_Verse_006.mp3,elabena Yehowa atsɔ dzo kple eƒe yi ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava amewo katã dzi. Ame geɖewoe nye ame siwo Yehowa awu. data/train/ISA/ISA_062_Verse_004.mp3,"Ke ame siwo xa nukuawo la, woaɖu wo, akafu Yehowa, eye ame siwo gbe waintsetseawo la, ano wo me ha le nye xɔxɔnu kɔkɔewo.”" data/train/ISA/ISA_033_Verse_011.mp3,Kpɔ ɖa woƒe kalẽtɔwo le avi fam sesĩe le mɔtatawo dzi. Ŋutifafa ƒe ame dɔdɔwo fa avi vevie. data/train/ISA/ISA_037_Verse_013.mp3,"esia nye nya si Yehowa gblɔ ɖe eŋuti.’ “Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o la gbe nu le gbɔwò, eye wòɖu fewu le ŋuwò. Yerusalem vinyɔnu ɖo hehe ɖe tawò esi nèlé du tsɔ." data/train/ISA/ISA_027_Verse_013.mp3,Ɖe Yehowa ƒoe ƒu anyi abe ale si Yehowa ƒo ame siwo ƒoe ƒu anyi la enea? Ɖe wòwui abe ale si wowu ame siwo wui la enea? data/train/ISA/ISA_026_Verse_021.mp3,"Ɛ̃, Yehowa, míele zɔzɔm le wò se la nu hele lalawòm; wò ŋkɔ kple wò gãnyenye nye míaƒe dziwo ƒe didi." data/train/ISA/ISA_060_Verse_013.mp3,"Matsɔ sika ana wò ɖe akɔbli teƒe, eye klosalo ɖe gayibɔ teƒe. Le ati teƒe la, matsɔ akɔbli na wò, eye mana gayibɔ wò ɖe kpe teƒe. Mawɔ ŋutifafa wòanye tatɔ na wò, eye dzɔdzɔenyenye nanye dziɖula na wò." data/train/ISA/ISA_028_Verse_024.mp3,"Wotua bli hafi tsɔna ƒoa aboloe, eya ta ame aɖeke manɔ bli nyɔnyɔ dzi ɖaa o. Togbɔ be wotsɔa keke ƒe afɔtiwo nyɔa blie hã la, menye sɔ siwo woti ɖe kekea ŋuti la ƒe afɔwoe tua blia o." data/train/ISA/ISA_042_Verse_002.mp3,"Ame kae tsi ŋku, eye wòku to abe nye dɔla si medɔ la ene, ɖe menye nye dɔlae oa? Ame kae nye ŋkunɔ abe xɔ̃nye ene, eye wòtsi ŋku abe Yehowa ƒe dɔla ene?" data/train/ISA/ISA_049_Verse_021.mp3,"“Togbɔ be wogbã mi, miezu aƒedo, eye miaƒe anyigba zu gbegbe hã la, azɔ la, anɔ sue akpa na wò amewo, eye ame siwo vuvu mi la, anɔ adzɔge na mi." data/train/ISA/ISA_001_Verse_004.mp3,"Ke ne miesẽ to, dze aglã la, yi atsrɔ̃ mi.” Elabena Yehowa ƒe nue gblɔe." data/train/ISA/ISA_055_Verse_004.mp3,"Kpɔ ɖa, metsɔe wɔ ɖasefoe na dukɔwo be wòanye kplɔla kple aʋafia na dukɔwo." data/train/ISA/ISA_038_Verse_020.mp3,"Yehowa aɖem, eye míadzi ha kple kasaŋkuwo le míaƒe agbemeŋkekewo katã me, le Yehowa ƒe gbedoxɔ me." data/train/ISA/ISA_023_Verse_010.mp3,"Ne gbe va ɖo Egipte la, woaxa nu vevie tso nu si wose tso Tiro ŋuti." data/train/ISA/ISA_017_Verse_007.mp3,O! Dukɔ geɖewo ƒe agbodzedze. Wodze agbo abe tɔ dzeagbo ene! O! Woƒe amewo ƒe hoowɔwɔ. Wole hoo wɔm abe tɔ dzeagbowo ƒe hoowɔwɔ ene. data/train/ISA/ISA_007_Verse_023.mp3,"Ŋutsuwo ayi afi ma kple da kple dati, elabena ŋu kple aŋɔkawo koe axɔ anyigba la dzi." data/train/ISA/ISA_035_Verse_008.mp3,Mɔtata gbadza aɖe anɔ afi ma. Woayɔe be kɔkɔenyenye ƒe mɔ. Ame makɔmakɔwo mazɔ mɔ sia dzi o. Anye toƒe na ame siwo zɔna le mɔ ma dzi. Gegemewo gɔ̃ hã matra le edzi o. data/train/ISA/ISA_024_Verse_018.mp3,"Woaƒo wo nu ƒu abe gamenɔla siwo le gaxɔ globo me ene. Woanɔ gaxɔ me, eye woahe to na wo le ŋkeke geɖe megbe." data/train/ISA/ISA_019_Verse_017.mp3,"Tɔʋumetsiwo aƒaƒã, anɔ ʋeʋẽm. Egipte tɔʋuwo hã amie, eye wo me aƒu. Aƒla kple aɖa siwo le tɔsisi la me la ayrɔ." data/train/ISA/ISA_043_Verse_020.mp3,"Ne èto tɔ me, mato eme kpli wò, ne èto tɔsisiwo me, mato wo me kpli wò be tɔsisi la malé wò o. Ne èto dzo me mame wò o, eye dzo ƒe aɖewo hã mafia wò o," data/train/ISA/ISA_034_Verse_010.mp3,Nye yi no nu ɖi kɔ le dziƒo. Kpɔ ɖa eɖiɖi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖe Edom dzi; ame siwo metsrɔ̃ gbidigbidi. data/train/ISA/ISA_034_Verse_005.mp3,"elabena hlɔ̃biagbe le Yehowa si, ƒe si me wòaxe nu vɔ̃ ŋu fe, eye wòatso afia na Zion." data/train/ISA/ISA_012_Verse_000.mp3,"Le ŋkeke ma dzi la, àgblɔ be, “Mida akpe na Yehowa! Miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ le xexemedukɔwo dome." data/train/ISA/ISA_043_Verse_014.mp3,"Magblɔ na anyiehe be, ‘Ɖe asi le wo ŋu.’ Na dziehe be, ‘Megasika wo o.’ Mikplɔ vinye ŋutsuwo tso didiƒe kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke vɛ," data/train/ISA/ISA_016_Verse_004.mp3,"Eya ta mafa avi abe Yazer ɖe Sibma ƒe wainkawo ŋu ene. O! Hesbon, O! Eleale. Mefa mi vevie! Elabena dzidzɔɣli si ɖina le miaƒe kutsetsegbeɣi kple nuŋeŋe me la zi ɖoɖoe." data/train/ISA/ISA_013_Verse_000.mp3,"Abe sãde aɖe si wonya ɖe nu ene alo alẽha si ŋu kplɔla mele o ene la, ame sia ame agatrɔ ayi ɖe eƒe amewo gbɔ, eye ame sia ame asi ayi wo denyigba dzi." data/train/ISA/ISA_043_Verse_015.mp3,"Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò, makplɔ viwòwo tso ɣedzeƒe, eye maƒo mia nu ƒu tso ɣetoɖoƒe." data/train/ISA/ISA_003_Verse_017.mp3,"Wò ŋutsuwo atsi yi nu, eye wò aʋawɔlawo atsi aʋa." data/train/ISA/ISA_041_Verse_013.mp3,"“Kpɔ ɖa, matsɔ wò awɔ luƒomɔ yeye ɖaɖɛ si ƒe aɖuwo sɔ gbɔ fũu. Àfanya towo, agbã wo gudugudu, eye àwɔ togbɛwo woazu fufu." data/train/ISA/ISA_035_Verse_001.mp3,"aƒo se, atso aseye, eye wòado dzidzɔɣli. Woagbugbɔ Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe nɛ, Karmel ƒe lãnyiƒe kple Saron ƒe gbe dama ƒe atsyɔ̃ agatrɔ ava na wo, eye woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple míaƒe Mawu la ƒe atsyɔ̃." data/train/ISA/ISA_051_Verse_001.mp3,"Dzɔgbevɔ̃e evee dzɔ ɖe dziwò, ame kae ate ŋu afa akɔ na wò? Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃, dɔwuame kple yi ƒo go wò, ame ka ate ŋu afa akɔ na wò." data/train/ISA/ISA_033_Verse_001.mp3,"Afi mae Yehowa, le eƒe ŋutikɔkɔe me, anye míaƒe Ŋusẽtɔ le. Anɔ abe teƒe si tɔ gbadzawo kple tɔʋuwo le la ene. Tɔdziʋu siwo wokuna kple tablu la, made afi ma o eye meli gã aɖeke hã mato edzi ayi o," data/train/ISA/ISA_010_Verse_020.mp3,"Madidi o la, nye dziku ɖe mia ŋu nu ava ayi, eye matrɔ nye dɔmedzoe ɖe wo tsɔtsrɔ̃ ŋuti.”" data/train/ISA/ISA_005_Verse_000.mp3,"Ale woaɖiɖi ame ɖe anyi, woabɔbɔ amegbetɔƒomea ɖe anyi, eye woate dadalawo ƒe ŋku ɖe to." data/train/ISA/ISA_007_Verse_021.mp3,"Yehowa gaƒo nu na Ahaz be," data/train/ISA/ISA_017_Verse_005.mp3,"Kutsetse ʋɛ aɖewo asusɔ abe ale si ne wogbe amiti vɔ, eye kutsetse eve alo etɔ̃ aɖewo susɔna ɖe eƒe adzame ene. Wo ame ene alo atɔ̃ nɔa atiawo ƒe alɔwo dzi la ene.” Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe." data/train/ISA/ISA_049_Verse_022.mp3,"Vi siwo wodzi na mi le miaƒe konyifaɣiwo me la, agblɔ ɖe to me na mi be, ‘Teƒe sia le sue akpa na mí. Mina teƒe keke mí míanɔ.’" data/train/ISA/ISA_017_Verse_006.mp3,"Le ŋkeke ma dzi la, woƒe du sesẽ siwo wogblẽ ɖi na Israelviwo hesi dzo la anɔ abe gbegbe ene, eye woazu aƒedo." data/train/ISA/ISA_051_Verse_003.mp3,"elabena nyee nye Yehowa, wò Mawu, ame si de adã atsiaƒu me be ƒutsotsoewo dze agbo. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ." data/train/ISA/ISA_049_Verse_015.mp3,"Mana ame siwo te wò ɖe enyi la naɖu woawo ŋutɔ ƒe ŋutilã, eye woano woawo ŋutɔ ƒe ʋu wòamu wo abe wain ene, ekema amegbetɔƒomea anyae be, nye Yehowae nye wò Ɖela, eye Yakob ƒe Ŋusẽtɔ lae nye wò Xɔnametɔ.”" data/train/ISA/ISA_042_Verse_003.mp3,"be nàʋu ŋku na ŋkugbagbãtɔwo, be nàɖe ga gamenɔlawo, eye nàɖe ame siwo nɔ do globo me la tso viviti me." data/train/ISA/ISA_045_Verse_005.mp3,"Baba na ame si gblɔna na fofoa be, ‘Nu ka ta nèdzim ɖo?’ alo na dadaa be, ‘Nu ka ta nèlé ku ɖo?’" data/train/ISA/ISA_066_Verse_008.mp3,eye matia wo dometɔ aɖewo be woanye nunɔlawo kple Leviviwo.” Yehowae gblɔe. data/train/ISA/ISA_005_Verse_015.mp3,"Ekɔ aflaga dzi na didiƒe dukɔwo, eye wòlia aku na ame siwo le anyigba ƒe mlɔenuwo ke. Kpɔ ɖa, wova kaba kple du!" data/train/ISA/ISA_009_Verse_014.mp3,"Ke hã la, blukɔdodo ƒe ɣeyiɣi kple dziɖeleameƒo ƒe ɣeyiɣi manɔ anyi ɖikaa o. Tsã la, èbɔbɔ Zebulonyigba kple Naftalinyigba ɖe anyi. Ke le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la, ade bubu dukɔ siwo le Ƒutamɔ dzi kple esiwo le Yɔdan godo la ŋu." data/train/ISA/ISA_036_Verse_008.mp3,"Hilkia ƒe vi, Eliakim, ame si nye fiasã la ƒe dɔdzikpɔla, Sebna, agbalẽŋlɔla kple Asaf ƒe vi, Yoa, si nye nuŋlɔla la do go yi ɖakpee." data/train/ISA/ISA_015_Verse_004.mp3,"Nimrim tɔsisi la hã amie, ahaƒu kplakplakpla, eye gbewo katã ayrɔ; nu miemiewo katã aku, eye gbe mumu aɖeke maganɔ anyi o." data/train/ISA/ISA_019_Verse_002.mp3,"Dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo, eye matɔtɔ woƒe ɖoɖowo. Woayi aɖabia nu le legbawo, ŋɔligbɔgbɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo gbɔ." data/train/ISA/ISA_014_Verse_003.mp3,"ame si na xexea me zu gbegbe, ame si gbã du gãwo, eye wòɖe aboyo emenɔlawo oa?”" data/train/ISA/ISA_059_Verse_002.mp3,"Ame aɖeke meli si gblɔna be wometso afia dzɔdzɔe o. Ame aɖeke meʋlia eɖokui ta to mɔ dzɔdzɔe dzi o, ke boŋ woɖoa ŋu ɖe nyahehe dzodzrowo ŋu. Wodaa alakpa. Wofɔa fuɖename ƒe fu hedzia nu vɔ̃ɖi." data/train/ISA/ISA_031_Verse_005.mp3,"Ke Egiptetɔwo la, amegbetɔwo ko wonye, menye Mawu wonye o. Woƒe sɔwo nye ŋutilã, ke menye gbɔgbɔ o. Ne Yehowa do eƒe asi ɖa la, ke aɖe le ame si na kpekpeɖeŋu la te; ame si ŋu wòkpe ɖo la hã amu adze anyi, eye wo kple eve la katã atsrɔ̃." data/train/ISA/ISA_016_Verse_012.mp3,"Yehowa be, “Le ƒe etɔ̃ me tututu abe ale si agbatedɔwɔla xlẽa eƒe ƒee ene la, maɖi gbɔ̃ Moab ƒe atsyɔ̃ kple ame gbogboawo, ame siwo asusɔ la, woanɔ ʋɛe, eye womanɔ nemi me hã o.”" data/train/ISA/ISA_023_Verse_009.mp3,"Mizi ɖoɖoe, mi ame siwo le ƒukpo la dzi kple mi asitsala siwo tso Sidon. Mi ame siwo ƒudzidɔwɔlawo wɔ kesinɔtɔwoe," data/train/ISA/ISA_010_Verse_019.mp3,"Le ŋkeke ma dzi la, woaɖe woƒe agbawo le wò abɔta, aŋe woƒe kɔkuti le wò kɔ, eye woƒe kɔkuti aŋe le miaƒe amidada ta." data/train/ISA/ISA_019_Verse_021.mp3,"Zoan ƒe dumegãwo azu bometsilawo. Farao ƒe aɖaŋuɖola nyanuwo ɖo aɖaŋu manyatalenuwo. Aleke nàte ŋu agblɔ na Farao be, “Menye nunyalawo dometɔ ɖeka, menye blemafiawo ƒe nusrɔ̃la?”" data/train/ISA/ISA_060_Verse_018.mp3,"Wò ɣe magaɖo to azɔ o, eye wò ɣleti hã magaɖo xɔ azɔ o. Yehowa anye wò kekeli mavɔ, eye wò konyifaŋkekewo nu ava ayi." data/train/ISA/ISA_040_Verse_010.mp3,"Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ." data/train/ISA/ISA_023_Verse_011.mp3,"O! Tarsis ƒe vinyɔnu, de agble ɖe Nil tɔsisi la to, elabena melidzeƒe megali na wò o." data/train/ISA/ISA_029_Verse_024.mp3,"Ŋutasẽlawo nu ava yi, fewuɖulawo maganɔ anyi o, eye woatsrɔ̃ ame siwo katã kpɔa dzidzɔ le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu," data/train/ISA/ISA_012_Verse_005.mp3,"Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname. Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o. Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi, eye eyae zu nye xɔname" data/train/ISA/ISA_049_Verse_016.mp3,"Matrɔ nye towo katã woazu mɔtatawo, eye woakɔ nye mɔ dodowo ɖe dzi." data/train/ISA/ISA_054_Verse_009.mp3,"“Megble wò ɖi ɣeyiɣi kpui aɖe ko, gake matsɔ dɔmetɔtrɔ si goglo la akplɔ wò agbɔe." data/train/ISA/ISA_003_Verse_026.mp3,"Ŋutsu alé nɔvia ŋutsu le fofoa ƒe aƒe me agblɔ be, “Wò ya avɔ le ŋuwò, nye mia kplɔla ne nàkpɔ aƒe gbagbã sia dzi.”" data/train/ISA/ISA_065_Verse_012.mp3,"Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye nye amewo ƒe nu ado dzidzɔ nam. Womagase avifafa kple konyifaɣli le eme azɔ o." data/train/ISA/ISA_065_Verse_014.mp3,"maɖo mi ɖi na yi, eye mi katã miado dɔgɔ̃e hena wuwu, elabena meyɔ mi gake mietɔ o. Meƒo nu gake mieɖo to o. Miewɔ nu tovo le nye ŋkume, eye mietia nu si metsri.”" data/train/ISA/ISA_047_Verse_011.mp3,"Vavãe wole abe atitakpo ƒuƒu ene. Dzo afia wo katã. Womate ŋu aɖe wo ɖokui gɔ̃ hã tso dzo ƒe aɖewo me o. Afi sia dzoka xɔxɔwo meli ame aɖeke naƒu o. Afi sia womedo dzo ɖi, ame aɖeke naƒu o." data/train/ISA/ISA_022_Verse_008.mp3,"Eya ta megblɔ be, “Miɖe kɔ ɖa le ŋunye, eye mina mɔm mafa avi vevie. Migafa akɔ nam ɖe nye ameawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ta o”," data/train/ISA/ISA_030_Verse_002.mp3,"Ale Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Dzimetɔtrɔ kple anyinɔnɔ kpoo mee miaƒe ɖeɖe le, eye ɖoɖoezizi kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu mee miaƒe ŋusẽ le. Ke miegbe wo katã." data/train/ISA/ISA_026_Verse_018.mp3,"Yehowa, wòe ɖo ŋutifafa ɖi na mí; nu siwo katã míete ŋu wɔ la wòe wɔ wo na mí." data/train/ISA/ISA_037_Verse_030.mp3,"To wò ame dɔdɔwo dzi nèɖe alɔme le Aƒetɔ la ŋu hegblɔ be, ‘Metsɔ nye tasiaɖamwo, lia yi towo tame ke, yi keke Lebanon tame ke. Melã eƒe sedati kɔkɔwo kple eƒe avemeti nyuitɔwo, meyi eƒe teƒe kɔkɔtɔ kekeake afi si eƒe ave dodowo le." data/train/ISA/ISA_030_Verse_020.mp3,"Ne woƒe ame ɖeka pɛ blu la miaƒe ame akpe ɖeka asi le enu, eye ne woƒe ame atɔ̃ blu la, mi katã miasi va se ɖe esime miasusɔ abe aflagati le to tame kple aflaga le togbɛ dzi ene.”" data/train/ISA/ISA_037_Verse_005.mp3,"elabena ame aɖewo asusɔ tso Yerusalem nɔlawo dome, eye ame siwo tsi agbe la ado tso Zion to la dzi, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ ƒe didi vevie ana esia nava eme." data/train/ISA/ISA_014_Verse_026.mp3,"Womaɖi wò abe woawo ene o, elabena ègblẽ wò anyigba, eye nèwu wò amewo. Womagayɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkɔ azɔ o." data/train/ISA/ISA_026_Verse_000.mp3,"Abe ale si nyɔnu si le ku lém la ŋena hedoa ɣli le vevesese ta ene la, nenema kee míele le ŋkuwò me, O! Yehowa." data/train/ISA/ISA_032_Verse_011.mp3,"Miʋuʋu, mi nyɔnu siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ; mixa nu, mi vinyɔnuvi siwo ɖe dzi ɖi! Miɖe miaƒe avɔwo da ɖi, eye miasa akpanya ɖe ali." data/train/ISA/ISA_024_Verse_014.mp3,"Le ŋkeke ma dzi la, Yehowa ahe to na ŋusẽ siwo le dziƒonutowo me kple fia siwo le anyigba dzi." data/train/ISA/ISA_023_Verse_004.mp3,"Kpɔ Babiloniatɔwo ƒe anyigba la ɖa; tsã la, bubu menɔ wo ŋu o va se ɖe esime Asiriatɔwo fɔe hetsɔe wɔ nɔƒee na ame siwo nɔ gbegbe. Wotu dziƒoxɔ kɔkɔwo kple fiasãwo ɖe afi ma; ke ena wòzu aƒedo." data/train/ISA/ISA_007_Verse_010.mp3,"Gbe ma gbe la, nyivi ɖeka kple gbɔ̃ eve pɛ koe atsi ame ɖeka si." data/train/ISA/ISA_023_Verse_015.mp3,"Yehowa gblɔ be, “O! Sidon ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o, wò dzidzɔkpɔkpɔ nu tso! “Tsi tsitre, tso ƒu la, eye nàyi Kipro, afi ma gɔ̃ hã la, màkpɔ dzudzɔƒe o.”" data/train/ISA/ISA_002_Verse_002.mp3,Amegbetɔ nye nu gblɔe: ele gblɔe abe eƒe gbɔgbɔ si le ŋɔtime nɛ ene! Nu ka ta nàtsɔ wò mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi? data/train/ISA/ISA_066_Verse_003.mp3,“Edzi vi hafi lé ku. Edzi ŋutsuvi hafi fu ɖui. data/train/ISA/ISA_053_Verse_011.mp3,"Woɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome, eye le eƒe ku me, wòmlɔ kesinɔtɔwo dome; evɔ mewɔ vɔ̃ aɖeke loo alo beble nɔ eƒe nu me o." data/train/ISA/ISA_031_Verse_009.mp3,"Ŋɔdzi ana woƒe mɔ sesẽwo namu; ne wokpɔ aʋaflaga la ko la, dzidzi aƒo woƒe aʋakplɔlawo.” Yehowa, ame si ƒe dzo le bibim le Zion, eye eƒe kpodzo le Yerusalem lae gblɔe." data/train/ISA/ISA_011_Verse_003.mp3,"Atu aflaga na dukɔwo, eye wòaƒo Israelvi siwo woɖe aboyoe la nu ƒu. Aƒo Yuda ƒe vi siwo ka hlẽ ɖe xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi la nu ƒu." data/train/ISA/ISA_029_Verse_014.mp3,"Maƒu asaɖa anyi aƒo xlã wò godoo. Matu gbetakpɔxɔ sesẽwo aƒo xlã wòe, eye maɖe ʋe ɖe ŋuwò." data/train/ISA/ISA_041_Verse_014.mp3,"Kpɔ ɖa, wo katã wonye tofloko! Woƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me o. Woƒe legbawo hã nye ya kple tofloko ko." data/train/ISA/ISA_056_Verse_012.mp3,"Ɖe sia ɖe doa ɣli be, “Miva, mina ne maku wain vɛ! Miva ne miano aha muame wòasu mi! Etsɔ hã nanɔ abe egbe ene alo nanyo sãa wu gɔ̃ hã.”" data/train/ISA/ISA_009_Verse_005.mp3,"Aram tso ɣedzeƒe, eye Filistitɔwo tso ɣetoɖoƒe vuvu Israel kple nu siwo ke ɖi baa la. Togbɔ be esiawo katã dzɔ hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ɖe wo ŋu ko." data/train/ISA/ISA_043_Verse_005.mp3,"Dukɔwo katã kpe ta, eye amewo ƒo takpli. Wo dometɔ kae gblɔ esia da ɖi, eye wòɖe gbeƒã nu siwo dzɔ va yi la na mi? Womekplɔ woƒe ɖasefowo vɛ, ne woaɖee fia be woƒe nya dzɔ, ale be ame bubuwo asee agblɔ be, “Nyateƒee” o." data/train/ISA/ISA_049_Verse_009.mp3,"Fiawo aɖu fofo na mia viwo, fia nyɔnuwo ana no mia viwo. Woade ta agu, atsyɔ mo anyi na mi le ŋkuwò me, eye woaɖuɖɔ ke le afɔŋu na wò. Ekema ànyae be nyee nye Yehowa, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔwo dana ɖe dzinye la, nyemenana ŋu kpea wo o.”" data/train/ISA/ISA_033_Verse_008.mp3,"elabena Yehowae nye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la. Yehowae nye ame si wɔ sewo na mí, eye Yehowae nye míaƒe fia. Eyae nye ame si aɖe mí." data/train/ISA/ISA_003_Verse_008.mp3,"Be woanɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ teƒe la, woaʋẽ kũu; adagbika axɔ ɖe alidziblanu nyui teƒe, tabebe axɔ ɖe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo teƒe, akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya, nyui teƒe, eye ŋutilãléayi axɔ ɖe ŋutilã zɔzrɔ̃e teƒe." data/train/ISA/ISA_039_Verse_001.mp3,"Hezekia xɔ ame dɔdɔawo kple dzidzɔ, eye wòtsɔ nu siwo katã le eƒe nudzraɖoƒe la fia wo; esiwo nye klosalo, sika, atike ʋeʋĩwo, ami tɔxɛwo, aʋawɔnu siwo katã le esi kple nu sia nu si le eƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe. Naneke mele fiasã alo fiaɖuƒe blibo la me si Hezekia mefia wo o." data/train/ISA/ISA_043_Verse_024.mp3,"Nyee, ɛ̃, nyee. Nyee nye Yehowa. Ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o." data/train/ISA/ISA_039_Verse_007.mp3,"Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe." data/train/ISA/ISA_036_Verse_000.mp3,Afi ka Hamat kple Arpad ƒe mawuwo le? Afi ka Sefarvaim ƒe mawuwo le? Ɖe wote ŋu xɔ Samaria le asinyea? data/train/ISA/ISA_003_Verse_007.mp3,"Baba na ame vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ ava wo dzi. Woaxe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ƒe fetu na wo." data/train/ISA/ISA_015_Verse_005.mp3,"Nye dzi le nu xam le Moab ŋu. Eƒe aʋasilawo si yi keke Zoar, eye wode Eglat Selisia ke. Woyi Luhit to dzi kple avifafa, eye le Horonaim mɔ dzi la, wonɔ konyi fam tso woƒe gbegblẽ ŋuti." data/train/ISA/ISA_028_Verse_013.mp3,"Kpɔ ɖa, ame si sesẽ, nye kalẽtɔ la le Aƒetɔ la si. Ava abe tsikpe ƒe dzadza kple ya si gblẽa nu la ene. Ava abe kelemetsi kple tsiɖɔɖɔ ene, be wòatsɔe aƒu gbe ɖe anyigba ŋusẽtɔe." data/train/ISA/ISA_013_Verse_009.mp3,"Le esia ta la, asiwo katã aku yigbaa ɖe amewo ŋu, eye amegbetɔwo katã ƒe dzi alolo ɖe dɔ me na wo." data/train/ISA/ISA_041_Verse_023.mp3,"Nya kae le etsɔ si na mí ne mianya be mawuwoe mienye. Wɔ nane, eɖanye nyui alo vɔ̃, ale be míaƒe mo nawɔ yaa, eye vɔvɔ̃ naɖo mí." data/train/ISA/ISA_052_Verse_001.mp3,"Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Tsã la, nye dukɔ yi Egipte be wòanɔ afi ma. Emegbe la, Asiriatɔwo tee ɖe to vevie." data/train/ISA/ISA_031_Verse_000.mp3,"Abe ale si xeviwo saa agbae le yame ene la, nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsyɔ nu Yerusalem dzie ahaxɔ nɛ. Ato etame ayi eye wòaɖee.”" data/train/ISA/ISA_003_Verse_019.mp3,"Yehowa bu fɔ eƒe amewo, eƒe dumegãwo kple kplɔlawo be, “Miawoe tsrɔ̃ nye waingble. Mieli kɔ nu siwo mieha le ame dahewo si la ɖe miaƒe aƒewo me." data/train/ISA/ISA_038_Verse_018.mp3,Tete Yehowa ƒe gbe va na Yesaya be: data/train/ISA/ISA_030_Verse_004.mp3,"Ame siwo mebia gbem hafi yi Egipte o, eye wosi Farao tso hebia tso esi be wòanye woƒe akpoxɔnu ne woabe ɖe Egipte ƒe vɔvɔ̃li te." data/train/ISA/ISA_005_Verse_025.mp3,"Nu ka wòle be mawɔ na nye waingble la esi nyemewɔ nɛ o? Ekema nu ka ta mele mɔ kpɔm na waintsetse nyuiwo, gake wain vevewo ko wòtse?" data/train/ISA/ISA_013_Verse_008.mp3,"Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna. Egbɔna kple dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ be woana anyigba la nazu gbegbe, eye wòatsrɔ̃ mi vɔ̃wɔla siwo le edzi." data/train/ISA/ISA_011_Verse_007.mp3,"gake adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔnyenye me, eye wòatso afia na anyigbadzihiãtɔwo ɖe eteƒe. Atsɔ eƒe numetikplɔ aƒo anyigba la, eye wòatsɔ eƒe numegbɔgbɔ atsrɔ̃ ŋutasẽlawoe." data/train/ISA/ISA_009_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa tsrɔ̃ ta kple asike, deʋaya kple keti siaa ɖa tso Israel le ŋkeke ɖeka dzi." data/train/ISA/ISA_061_Verse_003.mp3,"Elabena abe ale si nuku mienae ene kple agble si dzi woƒã nu ɖo nana nuku la tsinae ene la, nenemae Aƒetɔ Yehowa ana be dzɔdzɔenyenye kple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋkume." data/train/ISA/ISA_049_Verse_003.mp3,"Azɔ la, ale Yehowa, ame si mem ɖe dɔ me be manye yeƒe dɔla la, be makplɔ Yakob gbɔe ne maƒo ƒu Israel ɖe egbɔ, elabena wode bubu ŋunye le Yehowa ŋkume, eye nye Mawu nye nye ŋusẽ la gblɔe nye esi:" data/train/ISA/ISA_026_Verse_007.mp3,"Fu le mía ɖum; míele ku lém, gake ya ko míedzi. Míetsɔ ɖeɖe va anyigba dzi o; míedzi ame siwo le xexea me o." data/train/ISA/ISA_001_Verse_026.mp3,"Wò dumegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃, wolɔ̃a zãnuxɔxɔ, eye wotia nunanawo yome. Womeʋlia tsyɔ̃eviwo ta o, eye ahosiwo ƒe nya medzɔna le woƒe ʋɔnu o." data/train/ISA/ISA_007_Verse_017.mp3,"Siria, Efraim kple Remalia ƒe vi woɖo nugbe ɖe wò gbegblẽ ŋu be," data/train/ISA/ISA_041_Verse_028.mp3,"Ƒukpowo kpɔe, eye wovɔ̃. Anyigba ƒe mlɔenuwo dzo kpekpekpe, woƒo ƒu, eye wozɔ ɖe ŋgɔgbe;" data/train/ISA/ISA_063_Verse_004.mp3,"egblɔ be, “Vavã nye amewoe wonye. Viŋutsu siwo mada alakpa nam o”, eya ta wòzu woƒe Ɖela." data/train/ISA/ISA_014_Verse_027.mp3,"Wotsɔ wò atsyɔ̃ɖoɖo katã ɖi ɖe yɔ me kpe ɖe wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi ŋuti. Nyẽwo le dodom le tewò, eye ŋɔviwo le tatam le dziwò." data/train/ISA/ISA_048_Verse_001.mp3,"elabena menya ale si miaƒe dzi me sẽe. Miaƒe kɔwo lia abe gakpo ene, eye miaƒe tagbɔ sẽ abe akɔbli ene," data/train/ISA/ISA_049_Verse_007.mp3,"ekema nàgblɔ na aboyomenɔlawo be, ‘Mido va’, eye na ame siwo le blukɔ me la be, ‘Miva kekeli nu!’ “Woaɖu nu le mɔwo to, eye woakpɔ gbeɖuƒe le togbɛ ƒuƒluwo tame." data/train/ISA/ISA_004_Verse_000.mp3,"Ame siwo susɔ ɖe Zion, ame siwo tsi Yerusalem la, woayɔ wo be kɔkɔe, ame siwo katã ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem." data/train/ISA/ISA_052_Verse_015.mp3,"Ʋuʋu ke le ŋutiwò. Tsi tsitre! Yerusalem, ne nànɔ fiazi dzi. O! Zion nyɔnuvi si woɖe aboyoe, ɖe ga si wode kɔ na wò la ɖa." data/train/ISA/ISA_028_Verse_020.mp3,"Seƒoƒotsihe ma si nye Efraim ƒe ahanomunɔtɔwo ƒe dada la, woafanyae ɖe afɔ te." data/train/ISA/ISA_060_Verse_006.mp3,"Ekema àkpɔe, ahako alɔgbɔnu. Wò dzi ati kpo, avu gblotoo kple dzidzɔkpɔkpɔ. Woatsɔ nu xɔasi siwo le atsiaƒu dzi la vɛ na wò, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava gbɔwò." data/train/ISA/ISA_054_Verse_000.mp3,"elabena akeke ta ayi ɖusime kple miame. Wò dzidzimeviwo axɔ dukɔwo ƒe anyigbawo le wo si, eye woatso aƒewo ɖe woƒe du gbagbãwo me, anɔ wo me." data/train/ISA/ISA_040_Verse_013.mp3,"gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me. Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene. Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o. Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o." data/train/ISA/ISA_060_Verse_012.mp3,"“Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe ava dziwò. Woƒe sesewu, fɔfɔli kple papawu ava na wò be woaɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe la, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ada ɖe nye afɔɖoƒe." data/train/ISA/ISA_044_Verse_014.mp3,"Etsɔ ati la ƒe afã do dzoe heɖa nu le edzi. Eme lã le edzi, eye wòɖu nu ɖi ƒo. Azɔ eƒu dzo la hegblɔ be: “Aa! Mekpɔ dzo le ƒuƒum, eye nye lãme xɔ dzo.”" data/train/ISA/ISA_024_Verse_009.mp3,"Du gbagbã la zu aƒedo, eye wotu aƒe ɖe sia ɖe ƒe agbo." data/train/ISA/ISA_050_Verse_002.mp3,"Ame si ɖeam le nya me la tsɔ ɖe gbɔnye, eya ta ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunye? Nena míado go ŋkume kple ŋkume! Ame kae nye nunyetsola? Nekpe avu kplim!" data/train/ISA/ISA_040_Verse_031.mp3,Ɖe mienya oa? Ɖe miesee oa? Ɖe womegblɔe na mi tso gɔmedzedzea me ke oa? Ɖe miese egɔme tso anyigba ƒe gɔmeɖoanyiɣi ke oa? data/train/ISA/ISA_019_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ayra wo agblɔ be, “Woayra wò, Egipte, nye dukɔ, Asiria, nye asinudɔwɔwɔ kple wò, Israel, nye domenyinu.”" data/train/ISA/ISA_005_Verse_006.mp3,"“Azɔ, Yerusalem ŋutsuwo kple Yuda ŋutsuwo, miese ale si nya la katã va yii, eya ta midrɔ̃ ʋɔnu le nye kple nye waingble la dome." data/train/ISA/ISA_038_Verse_004.mp3,"Esiae nye Yuda fia, Hezekia, ƒe nyaŋlɔɖiwo, esi wòhaya tso eƒe dɔléle la me vɔ megbe:" data/train/ISA/ISA_010_Verse_009.mp3,"be woaxɔ nu si nye ame dahe tɔ la le esi, woada adzo dzɔdzɔenyenye le ame teɖeanyiwo si, woaɖe aboyo ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo." data/train/ISA/ISA_063_Verse_005.mp3,"elabena hlɔ̃biaŋkeke le nye dzi me, eye nye ɖeɖe ƒe ƒe la va ɖo." data/train/ISA/ISA_023_Verse_007.mp3,"Mi Tarsis melikulawo mifa avi, elabena wogbã miaƒe mɔ sesẽ la!" data/train/ISA/ISA_043_Verse_023.mp3,"“Nyee, ɛ̃, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemagaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o." data/train/ISA/ISA_063_Verse_010.mp3,"Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe dɔmenyo, Yehowa ƒe nu siwo wòwɔ na mí, esiwo ta wòle be woakafui ɖo. Ɛ̃, kpe ɖe nu nyui siwo katã wòwɔ na Israel ƒe aƒe la ŋu, le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyo gbogboawo ta la," data/train/ISA/ISA_029_Verse_016.mp3,"Mietrɔ gbo nu sia nu, eye miebu zemela abe anyi si wòtsɔ le ze mem la ene! Ɖe ze agblɔ na zemela be. “Mènya naneke oa?”" data/train/ISA/ISA_010_Verse_032.mp3,Ɖe fia aƒo adegbe wu ame si tsɔe le nu lãma? Alo ɖe laxalaxa atɔ asi akɔ wu ame si le eŋuti dɔ wɔma. Ɖe ameƒoti ate ŋu aƒo ame si lée ɖe asi alo ɖe atizɔti ate ŋu akɔ eɖokui ɖe dzi mahã? data/train/ISA/ISA_013_Verse_022.mp3,"Ɣletivi hamehame siwo le dziŋgɔli ŋu la magaklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye dzinu magaɖi o." data/train/ISA/ISA_046_Verse_002.mp3,"Mena mienya nuwuwua tso gɔmedzedzea, eye tso blema ke, mienya nu si ava dzɔ. Megblɔ be, ‘Nye nuɖoɖiwo anɔ anyi tegbee, eye mawɔ nu siwo katã dze ŋunye,’" data/train/ISA/ISA_041_Verse_019.mp3,"“Menyɔ ame aɖe tso anyiehe eye wòle mɔ dzi gbɔna. Ame si tso afi si ɣe dzena tsoe, eye wòyɔa nye ŋkɔ. Ame si fanya dziɖulawo abe anyi ene, efanya wo abe zemelae le anyi nyam ene." data/train/ISA/ISA_006_Verse_009.mp3,"Togbɔ be ameawo ƒe akpa ewoliawo dometɔ ɖeka asusɔ ɖe anyigba dzi hã la, woagana wòazu gbegbe, gake abe ale si ne wolã logoti kple gboti, takpoawo susɔna ene la, nenema ke atiku kɔkɔe la azu atitakpo ɖe anyigba la dzi.”" data/train/ISA/ISA_001_Verse_001.mp3,"Emegbe la, maɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na mi abe tsã ene, eye mana aɖaŋudelawo mi abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene. Emegbe la, woayɔ mi be Dzɔdzɔenyenye kple Nuteƒewɔwɔ ƒe Du.”" data/train/ISA/ISA_043_Verse_004.mp3,ame siwo mewɔ na ɖokuinye be woaɖe gbeƒã nye kafukafu. data/train/ISA/ISA_017_Verse_009.mp3,"togbɔ be gbe si gbe nèdoe la, ètɔ kpɔ ɖe eŋu, eye esi ŋu ke la, èna wò nukuawo ƒo se hã la, le nuŋegbe la, màŋe naneke wu fukpekpe kple vevesese o." data/train/ISA/ISA_039_Verse_000.mp3,"Emegbe la, Nyagblɔɖila Yesaya yi ɖe Fia Hezekia gbɔ ɖabiae be, “Nya ka ame siawo gblɔ, eye afi ka wotso?” Hezekia ɖo eŋu be, “Wotso anyigba didi aɖe dzi, tso keke Babilonia.”" data/train/ISA/ISA_009_Verse_008.mp3,"Èdzi dukɔ la ɖe edzi, eye nèdzi woƒe dzidzɔkpɔkpɔ hã ɖe edzi. Wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwòme abe ale si amewo kpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi kple abe ale si amewo kpɔa dzidzɔ ne wole aboyonu mam la ene." data/train/ISA/ISA_042_Verse_017.mp3,"“Mezi kpi eteƒe didi, mezi ɖoɖoe, eye melé ɖokuinye kpoo, ke azɔ la, abe nyɔnu si le ku lém ene la, mado ɣli, alɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo, eye manɔ gbɔgbɔm fuxefuxe." data/train/ISA/ISA_013_Verse_004.mp3,"Eya ta mana dziƒowo naʋuʋu kpekpekpe, eye anyigba naʋuʋu le eƒe agunu ke le Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoe ta le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkeke la dzi." data/train/ISA/ISA_028_Verse_004.mp3,"Azɔ midzudzɔ miaƒe fewuɖuɖu ne menye nenem o la, miaƒe bablawo agamia mi ɖe edzi. Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ gbegblẽ si wòɖo ɖi kplikpaa ɖe anyigba blibo la ŋu nam." data/train/ISA/ISA_017_Verse_013.mp3,"Ŋɔdzi nɔa anyi le fiẽ me, gake wobuna ne ŋu ke. Esia nye ame siwo daa adzo mí la ƒe gome kple mía halawo ƒe dzidzenu." data/train/ISA/ISA_042_Verse_024.mp3,"Yehowa ado abe kalẽtɔ ene. Ade dzo eɖokui me abe aʋawɔla ene. Atsɔ eƒe gbe ado aʋaɣli, eye wòaɖu eƒe futɔwo dzi." data/train/ISA/ISA_028_Verse_019.mp3,"Seƒoƒo yɔyrɔ ma si nye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si wòɖɔ na balime nyonuku la anɔ abe gbotsetse si ɖi do ŋgɔ na mamlɛawo la ene; esi ame aɖe kpɔe la, egbee kaba heɖu." data/train/ISA/ISA_014_Verse_023.mp3,"siwo wotsɔ ƒo dukɔwo atraɖii, eye le woƒe dɔmedzoe me, wobɔbɔ dukɔwo ɖe anyi heti wo yome kutɔkutɔe." data/train/ISA/ISA_032_Verse_016.mp3,"va se ɖe esime woakɔ Gbɔgbɔ la ɖe mia dzi tso dziƒo, gbegbewo nagazu agbledeƒewo, eye agbledeƒewo nadze abe ave ene." data/train/ISA/ISA_011_Verse_006.mp3,"eye Yehowavɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu, alo atso nya me ɖe nu si eƒe to se la nu o," data/train/ISA/ISA_033_Verse_020.mp3,"Woafiã abe akalo ene, eye woatɔ dzo wo abe ŋuve si wolã kɔ ɖi ene.”" data/train/ISA/ISA_013_Verse_014.mp3,"Mitu aflaga ɖe togbɛ ƒuƒlu tame. Mido ɣli yɔ nye aʋawɔlawo. Mimia asi wo, be woage ɖe bubumewo ƒe agbowo me." data/train/ISA/ISA_007_Verse_004.mp3,"elabena Siria ƒe tae nye Damasko, eye Damasko ƒe tae nye Rezin. Le ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ la me, woagbã Efraim gudugudu, ale womaganɔ te o." data/train/ISA/ISA_019_Verse_011.mp3,"Matsɔ Egiptetɔwo ade ŋutasẽla aɖe ƒe ŋusẽ te, eye fia vɔ̃ɖi aɖe aɖu wo dzi.” Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/ISA/ISA_049_Verse_005.mp3,"Egblɔ nam be, “Wòe nye nye dɔla, Israel, si me maɖe nye atsyɔ̃ afia le.”" data/train/ISA/ISA_036_Verse_001.mp3,"Ale fia la gblɔe nye esi, migana Hezekia nable mi o. Mate ŋu aɖe mi o!" data/train/ISA/ISA_003_Verse_012.mp3,"Le ŋkeke ma dzi la, Aƒetɔ aɖe woƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖa le wo ŋu: aɖe alɔnugɛwo, tablanuwo, kɔga nyuiwo," data/train/ISA/ISA_038_Verse_010.mp3,Maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta. data/train/ISA/ISA_050_Verse_005.mp3,Aƒetɔ Yehowae kpe ɖe ŋunye. Ame ka ate ŋu abu fɔm? Wo katã woanyunyɔ abe avɔ ene eye agbagblaʋui aɖu wo. data/train/ISA/ISA_041_Verse_020.mp3,"Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli o, ame aɖeke mele wo dome aɖo aɖaŋu o. Ame aɖeke mele wo dome aɖo nya si mebia wo la ŋu nam o." data/train/ISA/ISA_003_Verse_013.mp3,"Le ŋkeke ma me la, aɖo eŋu na wo be, “Ŋutete mele ŋunye o, nuɖuɖu alo nutata mele nye aƒe me o, eya ta migawɔm ame siawo kplɔlae o.”" data/train/ISA/ISA_057_Verse_018.mp3,"Nyemanɔ fɔ bum ɖaa alo ado dɔmedzoe ɣe sia ɣi o, ne menye nenema o la, nu ati kɔ na ame ƒe gbɔgbɔ le ŋkunye me, eye nu ate luʋɔ siwo mewɔ la ŋu." data/train/ISA/ISA_042_Verse_023.mp3,"Wonetsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa, eye woaɖe gbeƒã eƒe kafukafu le ƒukpowo dzi." data/train/ISA/ISA_012_Verse_002.mp3,Miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ.” data/train/ISA/ISA_022_Verse_001.mp3,"Ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nye esi, “Tso nàyi Sebna, nuwo dzikpɔla, ame si le aƒea nu la gbɔ, nàgblɔ nɛ be," data/train/ISA/ISA_007_Verse_007.mp3,"gake hafi ɖevi la nanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ domee la, fia eve siwo mievɔ̃na na vevie la ƒe anyigba azu gbegbe." data/train/ISA/ISA_033_Verse_009.mp3,"Esiae nye ame si anɔ kɔkɔƒe, eye eƒe bebeƒe anye mɔ sesẽ si le towo tame. Akpɔ abolo aɖu ɖaa, eye tsinono mahiãe o." data/train/ISA/ISA_012_Verse_003.mp3,"Mido ɣli, eye mitso aseye, mi ame siwo le Zion, elabena gãe nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ si le mia dome.”" data/train/ISA/ISA_039_Verse_005.mp3,"Tete Yesaya gblɔ na Hezekia be, “Ɖo to nya si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ." data/train/ISA/ISA_016_Verse_002.mp3,"elabena Hesbon ƒe agblewo yrɔ, nenema kee nye Sibma ƒe wainkawo hã. Dukɔwo ƒe amegãwo gblẽ waintsetse nyuitɔ siwo ƒe kawo de Yazer heɖo keke gbegbe, eye eƒe alɔwo keke va ɖo ƒuta." data/train/ISA/ISA_059_Verse_013.mp3,"Womenya ŋutifafa ƒe mɔ o. Nu dzɔdzɔe wɔwɔ mele woƒe mɔwo dzi o. Wotrɔ woƒe mɔwo wozu mɔ gɔglɔ̃wo, eye ame siwo azɔ wo dzi ayi la, manya ŋutifafa o," data/train/ISA/ISA_001_Verse_012.mp3,"“Mile tsi ne mia ŋuti nakɔ. Miɖe miaƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖa le nye ŋkume! Midzudzɔ vɔ̃wɔwɔ," data/train/ISA/ISA_030_Verse_032.mp3,"ŋu akpe ame sia ame, elabena ame si wosi tso la mate ŋu aɖewo o. Womaxɔ na wo alo ana kpekpeɖeŋu wo o, negbe ŋukpe kple vlododo ko woakpɔ.”" data/train/ISA/ISA_042_Verse_001.mp3,"Ame kae de Yakob asi be wòazu nuhaha, eye wòde Israel asi na adzodalawo? Ɖe menye Yehowa, ame si ŋu miewɔ nu vɔ̃ ɖo lae oa? Elabena wogbe eƒe mɔwo dzi toto, eye womewɔ ɖe eƒe sewo dzi o." data/train/ISA/ISA_005_Verse_002.mp3,ame siwo gblɔna be “Mawu newɔ kaba. Nedo tsɔtsɔe eƒe dɔ be miakpɔe; Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe aɖaŋudede neva kaba ne mianyae.” data/train/ISA/ISA_047_Verse_003.mp3,"Ègblɔ be, ‘Nye la, mayi edzi tegbee. Manye fianyɔnu yi ɖe mavɔ me!’ Ke mèbu nu siawo ŋu alo de ŋugble le nu si ava dzɔ la ŋu o." data/train/ISA/ISA_007_Verse_018.mp3,"Tete Yesaya gblɔ be “Azɔ la, David ƒe aƒe, see. Ɖe mesɔ gbɔ be miado amegbetɔ ƒe dzigbɔɖi akpɔ oa? Ɖe miado nye Mawu hã ƒe dzigbɔɖi akpɔa?" data/train/ISA/ISA_066_Verse_022.mp3,"Yehowa be, “Ame siwo wɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe hekɔ wo ɖokuiwo ŋu nyuie be woayi ɖe abɔwo me, eye wokplɔ ame si le titina na halã, alegeli kple ŋunyɔnu bubuwo ɖulawo ɖo la, wo katã woatsrɔ̃ ɖekae." data/train/ISA/ISA_032_Verse_002.mp3,"Dzɔdzɔenyenye ƒe ku anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe metsonu anye tomefafa kple dzideƒo tegbetegbe." data/train/ISA/ISA_029_Verse_008.mp3,"Dukɔwo ƒe ameha siwo ho aʋa ɖe Ariel ŋu va dze eya ŋutɔ kple eƒe mɔ sesẽwo dzi, eye wòƒu kpo ɖe eŋu la, anɔ abe drɔ̃e alo ŋutega le zã me ene." data/train/ISA/ISA_058_Verse_008.mp3,"Wobiana be, ‘Nu ka ŋuti míetsi nu dɔ, gake mède nu eme na mí o, eye míebɔbɔ mia ɖokuiwo, gake mède dze sii o?’ “Evɔ gbe si gbe mietsi nu dɔ la, miewɔ nu si dze mia ŋu, eye mieba miaƒe dɔwɔlawo katã." data/train/ISA/ISA_042_Verse_022.mp3,"“Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee ma! Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe alo kafukafu ana legbawo o." data/train/ISA/ISA_038_Verse_011.mp3,"Medo ɣli abe sagbadre alo tsalĩ ene, eye mele xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ si tsi akogo ene. Nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ esi mewu mo dzi le dziƒo kpɔm. O! Aƒetɔ, mele nu xam, va nàkpe ɖe ŋutinye.”" data/train/ISA/ISA_022_Verse_024.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nam be, “Womatsɔ nu vɔ̃ sia ake mi o va se ɖe miaƒe kugbe.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/ISA/ISA_024_Verse_003.mp3,"Anyigba la aƒu, eye edzinuwo ayrɔ. Nu ati kɔ na xexea me katã, eye nu gbagbewo ayrɔ ɖe tsitrenu. Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi le anyigba dzi la hã axa nu." data/train/ISA/ISA_041_Verse_018.mp3,"Mègavɔ̃ o. O! Ŋusẽmanɔsitɔ, Yakob, O! Israel beli, elabena nye ŋutɔ makpe ɖe ŋuwò.” Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae gblɔe." data/train/ISA/ISA_055_Verse_008.mp3,Midi Yehowa zi ale si miate ŋu ake ɖe eŋu. Miyɔe zi ale si wòtsɔ ɖe mia gbɔ. data/train/ISA/ISA_029_Verse_020.mp3,"Woaɖiɖi wò ɖe anyi, eye àƒo nu tso anyigba ƒe tume. Wò nuƒoƒo aɖi hɔlɔhɔlɔ le ke me. Wò gbe aɖi tso anyigba ƒe tume abe ŋɔli tɔ ene, eye tso ke me, wò nuƒoƒo aɖi abe dalĩ dom wole ene." data/train/ISA/ISA_028_Verse_012.mp3,"Ke ale Aƒetɔ Mawu gblɔe nye esi, “Kpɔ ɖa, mele gɔmeɖokpe aɖe ɖom ɖe Zion, kpe si wodo kpɔ. Dzogoedzikpe xɔasi si nye gɔmeɖokpe si maʋã o. Ame si ɖo ŋu ɖe eŋu la mavɔ̃ o." data/train/ISA/ISA_031_Verse_006.mp3,"Ke nunyala vavã eya hã nye, eye wòate ŋu ahe gbegblẽ vɛ. Magbe nya si wògblɔ la dzi wɔwɔ o. Atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe ŋuti kple ame siwo kpena ɖe nu tovo wɔlawo ŋuti la ŋu." data/train/ISA/ISA_002_Verse_000.mp3,"Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome, eye wòadzra ame geɖewo dome ɖo. Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ̃ gobɛwoe. Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o." data/train/ISA/ISA_062_Verse_009.mp3,"Womagayɔ wò azɔ be Wogbe nu le egbɔ, alo ayɔ wò anyigba be Gbegbe o. Ke boŋ woayɔ wò be, Hefziba si gɔmee nye Eƒe nu nyo ŋunye, eye woayɔ wò anyigba be Biula, si gɔmee nye eɖe srɔ̃, elabena wò nu anyo Yehowa ŋu, eye wòaɖe wò anyigba abe srɔ̃ ene." data/train/ISA/ISA_041_Verse_010.mp3,"eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu. Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò; matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te." data/train/ISA/ISA_001_Verse_006.mp3,"Matrɔ atsi tsitre ɖe mia ŋu, atsra mia me, eye maɖe nu kuklui siwo nye ɖiƒoƒo la ɖa le mia me." data/train/ISA/ISA_017_Verse_008.mp3,"Togbɔ be ameawo le hoo wɔm abe tsi sesẽwo ƒe hoowɔwɔ ene hã la, ne èblu ɖe wo ta la, wosina yia megbe ke. Èɖe wo ɖe ŋu abe gbe ƒuƒuwo le towo dzi kple yali le ahom nu ene." data/train/ISA/ISA_010_Verse_012.mp3,"Egblɔ be, ‘Ɖe nye aʋakplɔlawo katã menye fiawo oa?’" data/train/ISA/ISA_006_Verse_008.mp3,"Serafi siwo aʋala ade li na la le etame. Wotsɔ aʋala eve tsyɔ ŋkume, eve tsyɔ woƒe afɔwo, eye wotsɔ eve bubu le dzodzomii." data/train/ISA/ISA_023_Verse_014.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae ɖo esia be yeaɖi gbɔ̃ atsyɔ̃ɖoɖowo katã ƒe dada, eye yeabɔbɔ ame xɔŋkɔwo katã ɖe anyi le anyigba dzi." data/train/ISA/ISA_017_Verse_014.mp3,"Ɣe ma ɣi la, amegbetɔ atrɔ ɖe eƒe Wɔla ŋu, eye eƒe ŋkuwo anɔ Israel ƒe Kɔkɔetɔ la dzi." data/train/ISA/ISA_060_Verse_011.mp3,"Kposɔwo ƒe ha axɔ wò anyigba dzi hekpe ɖe Midian kple Efa ƒe kposɔviwo ŋuti. Nenema ke Sebatɔwo katã hã ava ana sika kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo, eye woadzi ha akafu Yehowa." data/train/ISA/ISA_020_Verse_004.mp3,"Yehowa gblɔ be, “Abe ale si nye dɔla Yesaya si le afɔ ƒuƒlu zɔm ƒe etɔ̃ sɔŋ ene, nu si nye dzesi kple kpɔɖeŋu na Egipte kple Kus la," data/train/ISA/ISA_066_Verse_024.mp3,"Ɖe mana be vidziɣi naɖo, gake magbe vixexea?” Yehowae gblɔe. “Ɖe nye ame si ɖe mɔ be woadzi vi la, natu vidzidɔa?” Wò Mawu lae gblɔe." data/train/ISA/ISA_007_Verse_001.mp3,"Azɔ wogblɔ na David ƒe aƒe la be, Siria wɔ ɖeka kple Efraim, eya ta Ahaz kple dukɔ la katã ƒe dzi ʋuʋu abe ale si ya ʋuʋua avemetiwoe ene." data/train/ISA/ISA_042_Verse_004.mp3,"Edze Yehowa ŋu le eƒe dzɔdzɔenyenye ta be, wòade gãnyenye kple bubu eƒe se ŋu." data/train/ISA/ISA_029_Verse_002.mp3,"Ale Aƒetɔ la gblɔ nye esi, “Ame siawo te va gbɔnye kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nyawo de bubu ŋunye, ke woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye. Subɔsubɔ si wotsɔna nam la nye amegbetɔwo ƒe nuɖoɖo siwo wofia wo," data/train/ISA/ISA_059_Verse_010.mp3,"Mi katã miele gbe tem abe sisiblisiwo ene, eye miele xɔxlɔ̃m nublanuitɔe abe ahɔnɛwo ene. Miele mɔ kpɔm na ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe, gake miekpɔ ɖeke o. Miele mɔ kpɔm na ɖeɖe, gake metsɔ ɖe mia gbɔ o," data/train/ISA/ISA_009_Verse_010.mp3,"Eya ta Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ le ɖekakpuiwo ŋu alo ave tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo nu o, elabena wo katã wonye mawumavɔ̃lawo kple ame vɔ̃ɖiwo eye wo katã wogblɔa nya vlowo. Ke le esiawo katã megbe hã la, eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko." data/train/ISA/ISA_035_Verse_007.mp3,"migblɔ na ame siwo ƒe dzi le vɔvɔ̃m be, “Misẽ ŋu, migavɔ̃ o. Miaƒe Mawu la gbɔna. Ava kple hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo, eye wòaɖe mi.”" data/train/ISA/ISA_040_Verse_017.mp3,"Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu gbɔna kple ŋusẽ, eye eƒe abɔ le dzi be yeaɖu fia. Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋuti, eye eƒe teƒeɖoɖo hã kpe ɖe eŋuti." data/train/ISA/ISA_016_Verse_014.mp3,"“Ɖo aɖaŋu na mí, eye nàtso nya me na mí. Na wò vɔvɔli nazu abe zã ene le ŋudɔkutsu. Ɣla aʋasilawo, eye mègafia wo yomemɔ o." data/train/ISA/ISA_019_Verse_022.mp3,"Zoan ƒe dumegãwo zu bometsilawo. Woble Memfis ƒe dukplɔlawo, eye ame siwo nye eƒe dzogoedzikpewo la kplɔ Egipte trae." data/train/ISA/ISA_003_Verse_014.mp3,"Matsɔ ɖeviwo awɔ woƒe amegãwoe, eye ɖevi suewo anye wo dzi ɖulawo." data/train/ISA/ISA_044_Verse_001.mp3,"“Ale Yehowa, Israel ƒe Fia kple Ɖela, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: Nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ. Mawu bubu aɖeke mekpe ɖe ŋunye o." data/train/ISA/ISA_063_Verse_015.mp3,"O! Yehowa, nu ka ta nèna míetra tso wò mɔwo dzi hesẽ míaƒe dziwo me, be míede bubu ŋu wò o? Gatrɔ va le wò dɔla siwo nye to siwo nye wò domenyinuwo la ta." data/train/ISA/ISA_031_Verse_002.mp3,"“Asiria atsi yi si menye amegbetɔ tɔ o la nu; yi si menye kodzogbeawo tɔ o lae atsrɔ̃ wo. Woasi le yi nu, ke woalé woƒe ɖekakpuiwo woawɔ dɔ dzizizitɔe." data/train/ISA/ISA_051_Verse_000.mp3,"Ale wò Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi, wò Mawu si ʋli eƒe dukɔ ta la be, “Kpɔ ɖa, mexɔ kplu si na nèle mumum sɔgɔsɔgɔ la le asiwò. Màgano nye dɔmedzoe ƒe nu muame la le kplu sia me azɔ gbeɖe o." data/train/ISA/ISA_051_Verse_015.mp3,"“Nye, nye koe faa akɔ na mi. Ame kae nènye be nèle vɔvɔ̃m na amegbetɔ siwo le abe gbe ko ene?" data/train/ISA/ISA_037_Verse_015.mp3,"“Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi, “Mage ɖe du sia me alo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o. Mava afi sia kple akpoxɔnu alo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o." data/train/ISA/ISA_005_Verse_014.mp3,Ekema alẽwo aɖu gbe abe woawo ŋutɔ ƒe lãnyiƒee wole ene; eye alẽviwo aɖu nu le kesinɔtɔwo ƒe aƒedowo me. data/train/ISA/ISA_001_Verse_011.mp3,"Midzudzɔ vɔsa gbɔlo siawo tsɔtsɔ vɛ! Miaƒe dzudzɔʋeʋĩwo dodo medoa dzidzɔ nam o. Nyemate ŋu atsɔ miaƒe takpekpe vɔ̃ɖi siwo nye dzinu yeyewo, Dzudzɔgbewo kple gbeƒãɖeɖe takpegbewo o." data/train/ISA/ISA_022_Verse_016.mp3,"Maɖe wò ɖa le wò zi dzi, eye woaxɔ wò nɔƒe kɔkɔ la le asi wò." data/train/ISA/ISA_026_Verse_004.mp3,"Ebɔbɔa ame siwo le kɔkɔƒe la ɖe anyi, ebɔbɔa du si do eɖokui ɖe dzi la ɖe anyi. Egbãnɛ va se ɖe anyigba ke, eye wòtutunɛ dea ke me." data/train/ISA/ISA_036_Verse_016.mp3,"“Migaɖo to Hezekia o. Ale Asiria fia gblɔe nye esi: ‘Mido va gbɔnye, miawɔ ŋutifafa kplim.’ Ekema ame sia ame aɖu eƒe waintsetse kple gbotsetse, eye wòano eya ŋutɔ ƒe vudometsi" data/train/ISA/ISA_042_Verse_015.mp3,"Maɖe aƒla ŋeŋe la ɖa o, eye matsi akaɖimeɖovu si le bibim ɖɔɖɔɖɔ la o. Adrɔ̃ ʋɔnu le nyateƒe me." data/train/ISA/ISA_048_Verse_019.mp3,"Tsikɔ mewu wo esi wòkplɔ wo to gbedzi o. Ena tsi do tso agakpe me na wo. Egbã agakpe la, eye tsi do bababa." data/train/ISA/ISA_038_Verse_001.mp3,"Azɔ Yesaya gblɔ be, “Mitsɔ gbotsetse miaɖu, atikee. Mitsɔe ɖo ƒoƒoea dzi nɛ ekema ahaya.”" data/train/ISA/ISA_049_Verse_014.mp3,"Kpɔ ɖa, woatso teƒe didiwo ava. Ɖewo atso anyiehe, ɖewo atso ɣetoɖoƒe, eye ɖewo hã atso Aswan nutowo me.”" data/train/ISA/ISA_017_Verse_010.mp3,"Woagblẽ Aroa ƒe duwo ɖi woatsi ƒuƒlu, eye wòazu nɔƒe na alẽha siwo atsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma, eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o." data/train/ISA/ISA_044_Verse_020.mp3,"Migadzo nyanyanya o. Migavɔ̃ o. Ɖe nyemeɖe gbeƒã esia, eye megblɔe da ɖi gbe aɖe gbe ke oa? Miawoe nye nye ɖasefowo. Ɖe Mawu bubu aɖe gali kpe ɖe ŋunyea? Ao, Agakpe aɖeke megali o.”" data/train/ISA/ISA_023_Verse_000.mp3,"Alea wò blemadu si yɔ fũu kple dzidzɔkpɔkpɔ, wo ame si zɔ mɔ yi didiƒenyigbawo dzi la va zue nye esia?" data/train/ISA/ISA_032_Verse_000.mp3,"Ame mabutamewo ƒe susu anya nu, ase nu gɔme, eye ame siwo kukɔna la ƒe aɖe aƒo nu tẽe eme nakɔ." data/train/ISA/ISA_013_Verse_018.mp3,"Woaƒo lãnu ɖe ame sia ame si wolé, eye ame si dzi asi su la atsi yi nu." data/train/ISA/ISA_023_Verse_006.mp3,"Le ɣe ma ɣi me la, woaŋlɔ Tiro be ƒe blaadre sɔŋ; siwo nye fia ƒe agbenɔƒe. Le ƒe blaadre siawo ƒe nuwuwu la, ava eme na Tiro abe ale si woŋlɔe ɖe gboloha ƒe hagbewo me nɛ ene be," data/train/ISA/ISA_033_Verse_005.mp3,"Anyigba la ƒu kplakplakpla, eye naneke megale edzi o. Ŋu kpe Lebanon, eye wòyrɔ sũu. Saron le abe Araba gbegbe ene. Basan kple Karmel lũ xɛ abe ati ene." data/train/ISA/ISA_037_Verse_002.mp3,"Ame ka nèdzu hegblɔ busunyawo ɖe eŋuti? Ame ka ta nèle ɣli dom ɖo, eye ame ka nètre ŋku kpɔe dadatɔe? Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋutie!" data/train/ISA/ISA_066_Verse_004.mp3,"Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi, “Matsɔ ŋutifafa nɛ wòasi abe tɔsisi ene, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava nɛ abe tɔʋu si ɖɔ gbã go la ene. Àno eƒe no, akɔ wò ɖe eƒe abɔwo me, eye àfe le eƒe atata." data/train/ISA/ISA_010_Verse_001.mp3,"Abe ale si woƒoa asi ɖe xevitɔ me ene la, nenemae nye asi ɖo dukɔwo ƒe kesinɔnuwo gbɔe; abe ale si amewo lɔa xevizi siwo wogble ɖe xevitɔwo me ene la, nenema melɔ xexeme dukɔwoe: ame aɖeke meli, ƒo aʋala alo ke eƒe dɔ xlɔ̃ o.’ ”" data/train/ISA/ISA_001_Verse_008.mp3,Miazu abe logoti aɖe si ƒe aŋgbawo yrɔ kple abɔ si me tsi aɖeke mele o la ene. data/train/ISA/ISA_030_Verse_021.mp3,"Nyitsu kple tedzi siwo nètsɔna ŋlɔa agblee la, aɖu gbe siwo wotsɔ nu tɔxɛwo tsakae, eye wotsɔ sofi kple gaflo dzoboe." data/train/ISA/ISA_012_Verse_004.mp3,"Miɖe gbeƒã Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo, miɖe gbeƒã eƒe kafukafu le xexea me katã." data/train/ISA/ISA_042_Verse_012.mp3,Mafa avi alo ado ɣli alo woase eƒe ŋkɔ le mɔtata dzi o. data/train/ISA/ISA_051_Verse_012.mp3,"Nu te viwò ŋutsuwo ŋu. Womlɔ mɔtata ɖe sia ɖe ƒe dzogoewo dzi abe avugbɔ̃e si ɖo mɔ me la ene. Yehowa ƒe dɔmedzoe kple wò Mawu la ƒe mokaname ɖi ƒo na wo," data/train/ISA/ISA_030_Verse_006.mp3,"Ekema miado gu miaƒe legba siwo ŋu wofa klosalo ɖo kple miaƒe aklamakpakpɛ siwo ŋu wofa sika ɖo. Miatsɔ wo aƒu gbe abe gbelégodoe ene ahagblɔ ɖe wo ŋu be, “Mite yi xaa.”" data/train/ISA/ISA_046_Verse_000.mp3,"“Ame ka miebe yewoatsɔm asɔ kplii alo agblɔ be esɔ kplim? Ame ka miagblɔ be mele abe eya ene, ne woatsɔe asɔ kplim?" data/train/ISA/ISA_037_Verse_001.mp3,"Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la, eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive, eye wònɔ afi ma." data/train/ISA/ISA_028_Verse_007.mp3,"Esiawo katã tso Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gbɔ; ame si ƒe aɖaŋudede wɔ nuku, eye eƒe nya me goglo." data/train/ISA/ISA_011_Verse_012.mp3,"Nyinɔ aɖu gbe le sisiblisiwo dome, wo viwo atsyɔ akɔ anyi ɖe teƒe ɖeka, eye dzata gɔ̃ hã aɖu gbe abe nyitsu ene." data/train/ISA/ISA_033_Verse_006.mp3,"Atsakiti nye fu nèfɔ, eye nèdzi gbe ƒuƒu. Wò gbɔgbɔ nye dzo si fia wò." data/train/ISA/ISA_039_Verse_002.mp3,"Hezekia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya siwo nègblɔ la nyo,” elabena esusu be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ anɔ yeƒe agbemeŋkekewo me.”" data/train/ISA/ISA_059_Verse_019.mp3,"Yehowa kpɔ be ame aɖeke meli o. Ewɔ moya nɛ be ame aɖeke meli si alé avu o, ale wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe alɔ xɔ na eɖokui, eye eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye lée ɖe te." data/train/ISA/ISA_062_Verse_008.mp3,"Woayɔ wo be, “Ame kɔkɔewo. Yehowa ƒe Ame siwo wòɖe.” Ke wò la, woayɔ wò be, “Ame si dim wole vevie,” eye woayɔ wò be, “Du si gbɔ womagagbe nu le o.”" data/train/ISA/ISA_056_Verse_006.mp3,"mana ŋkuɖodzikpe kple ŋkɔ wo ɖe nye gbedoxɔ kple eƒe gliwo me, esi nyo wu viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Matsɔ ŋkɔ mavɔ si womate ŋu aɖe ɖa akpɔ gbeɖe o la na wo." data/train/ISA/ISA_022_Verse_018.mp3,"Miexlẽ xɔ siwo le Yerusalem, hegbã woƒe gliwo be miagbugbɔ wo aglã." data/train/ISA/ISA_050_Verse_007.mp3,"Ke azɔ mi ame siwo katã do dzo, eye miewɔ akakatiwo na mia ɖokuiwo la, miyi, eye miazɔ le miaƒe dzo siwo miedo kple akakati siwo miesi la ƒe keklẽ nu. Esiae nye nu si miaxɔ tso asinyeme: Miamlɔ anyi ɖe fuwɔame me." data/train/ISA/ISA_037_Verse_003.mp3,"Ava eme be ame siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la woato ke, eye woatse ku," data/train/ISA/ISA_057_Verse_019.mp3,"Wò mɔwo na ɖeɖi te ŋuwò, gake mèdi be yeagblɔ be, ‘Wo katã nye tofloko’ o. Èkpɔ be wò ŋusẽ gaɖo yeye me, eya tae nu mete ŋuwò o." data/train/ISA/ISA_014_Verse_022.mp3,"Nyagblɔɖi la ɖi Asiria ŋu. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ka atam be, “Le nyateƒe me, ale si meɖoe la, nenemae wòanɔ, eye ale si meɖo ɖe ta me la, nenema wòava emee." data/train/ISA/ISA_043_Verse_025.mp3,"Yehowa be, “Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla si metia be mianya, eye miaxɔ dzinye ase, ase egɔme be nyee. Mawu aɖeke medo ŋgɔ nam o, eye ɖeke hã mado ŋgɔ nam o." data/train/ISA/ISA_038_Verse_017.mp3,"“O! Yehowa, ɖo ŋku ale si metsɔ dzi blibo kple nyateƒe zɔ le ŋkuwò mee, eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.” Eye Hezekia fa avi kple ɣli." data/train/ISA/ISA_023_Verse_008.mp3,"Mitso ƒu va Tarsis; mifa konyi, mi ame siwo le ƒukpo la dzi." data/train/ISA/ISA_045_Verse_004.mp3,"“Ale Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ kple ekplɔla gblɔe nye esi: Ɖe nàbia gbem tso vinyewo ŋu alo aɖe gbe nam tso nye asinudɔwɔwɔwo ŋutia?" data/train/ISA/ISA_014_Verse_028.mp3,"Yehowa akpɔ nublanui na Yakob, aʋu ʋɔ atia Israel, eye wòatsɔ wo aɖo woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Dukɔ bubu me tɔwo akpe ɖe wo ŋuti, eye woawɔ ɖeka kple Yakob ƒe aƒe la." data/train/ISA/ISA_028_Verse_010.mp3,"Eƒe Mawu fiaa nue, eye wògblɔa nu nyuitɔ si wòawɔ la nɛ." data/train/ISA/ISA_016_Verse_009.mp3,"Ne eva eme be Moab do ɖe eƒe nuxeƒe la, dagbadagba ƒuƒlu koe. Ne eyi eƒe gbedoɖaƒe be yeado gbe ɖa la, mate ŋui o." data/train/ISA/ISA_019_Verse_014.mp3,"Nenema ke gbe siwo mie ɖe Nil tɔsisi la to kple esiwo mie ɖe tɔsisi la kple ƒu la ƒe godoƒe la hã ayrɔ. Nuku siwo le bo dzi le Nil tɔsisi la to la afia, eye ya aƒo wo adzoe." data/train/ISA/ISA_040_Verse_005.mp3,"Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔla ene; alé alẽviawo ɖe abɔdome, alé wo ɖe eƒe akɔnu, eye wòakplɔ alẽnɔwo kple beléle." data/train/ISA/ISA_021_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa gblɔ nam nye esi, “Yi nàɖo gbetakpɔla, eye na wòaɖe gbeƒã nu siwo katã wòkpɔ." data/train/ISA/ISA_028_Verse_025.mp3,"Woɖe xe ɖe kplɔ̃wo katã dzi kpe ɖo, eye teƒe aɖeke meli si womeɖe xe ɖo o." data/train/ISA/ISA_030_Verse_001.mp3,"Afli kakɛkakɛ abe ze si ge hegbã gudugudu la ene. Afli ale gbegbe be, womakpɔ kakɛ aɖeke si alolo woatsɔ aɖe dzo le mlekpui me alo aku tsii le zɔ me o.”" data/train/ISA/ISA_010_Verse_022.mp3,"Medɔe ɖe dukɔ mavɔ̃mawu ŋu, meɖe gbe nɛ ɖe dukɔ si doa dɔmedzoe nam la ŋu, ne wòaɖe aboyo eƒe amewo, aha wo, eye wòafanya wo, anya wo abe anyi ene le woƒe ablɔwo dzi." data/train/ISA/ISA_041_Verse_001.mp3,"Àgbɔ wo, ya aƒo wo adzoe, eye ahomuya alɔ wo ɖe nu, ke wò ya, àdzɔ dzi ɖe Yehowa ŋu, eye àtso aseye ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu." data/train/ISA/ISA_055_Verse_003.mp3,"“Elabena nye susuwo menye miaƒe susuwo o eye miaƒe mɔwo hã menye nye mɔwo o,” Yehowae gblɔe." data/train/ISA/ISA_046_Verse_006.mp3,"Miɖo tom, mi dzimesẽlawo kple mi, ame siwo le adzɔge na dzɔdzɔenyenye." data/train/ISA/ISA_060_Verse_004.mp3,"Àno dukɔwo ƒe notsi, eye àno fiawo ƒe no, ekema ànyae be, nye Yehowae nye wò Ɖela, eye Yakob ƒe Ŋusẽtɔ lae nye wò xɔnametɔ." data/train/ISA/ISA_038_Verse_015.mp3,"Nu ka gblɔ ge mala? Egblɔ nya nam, eye eya ŋutɔ wɔ ɖe edzi. Eya ta mazɔ ɖokuibɔbɔtɔe. Le nye agbemeŋkekewo katã me, le nye luʋɔ ƒe vevesese ta." data/train/ISA/ISA_014_Verse_017.mp3,"Magbã Asiriatɔwo le nye anyigba dzi, eye mafanya wo le nye towo tame. Maɖe kɔkuti ɖa le nye amewo ƒe kɔ, eye maɖe eƒe agba kpekpe ɖa le woƒe abɔta.”" data/train/ISA/ISA_044_Verse_005.mp3,"Ame si gblɔ le fia Sirus ŋu be, ‘Eyae nye nye alẽkplɔla, eye awɔ nu siwo katã dze ŋunye. Agblɔ le Yerusalem ŋu be, “Woagbugbɔe atu,” eye le gbedoxɔ la ŋu be, “Mina woaɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi.” ’" data/train/ISA/ISA_041_Verse_026.mp3,"Yehowa be, “Ɖe wò nyawo to. Ƒo nu le nya siwo nètsɔ vɛ la ŋu.” Yakob ƒe fia lae gblɔe." data/train/ISA/ISA_021_Verse_002.mp3,Aŋutrɔdala mamlɛawo kple aʋawɔla siwo susɔ le Kedar la anye ame ʋɛ aɖewo ko.” Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe. data/train/ISA/ISA_006_Verse_005.mp3,"Kasia Serafiawo dometɔ ɖeka dzo yi ɖe vɔ̃samlekpui la gbɔ, eye wòtsɔ abɛ tsɔ dzoka xɔxɔ le vɔsamlekpui la dzi hedzo va gbɔnye." data/train/ISA/ISA_044_Verse_012.mp3,"Ekema ame kae sɔ kplim? Neɖe gbeƒãe. Neva gblɔe, eye wòaɖee afia le ŋkunye me, nu siwo dzɔ tso esime meɖo nye blemamewo gɔme anyi kple nu si gbɔna eme va ge. Ɛ̃, negblɔ nu si ava dzɔ." data/train/ISA/ISA_029_Verse_012.mp3,"Ke hena miawo ya la, ŋutega sia katã menye naneke o; negbe nya siwo woŋlɔ ɖe lãgbalẽ dzi hetre enu la koe wònye. Ne mietsɔ lãgbalẽ si dzi woŋlɔ nua ɖo la na ame si ate ŋu axlẽ nu hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, xlẽ nu sia nam la,” aɖo eŋu be, “Nyemate ŋui o, elabena wotre enu.”" data/train/ISA/ISA_032_Verse_014.mp3,Nye amewo anɔ teƒe siwo ŋutifafa le kple aƒe siwo me dedinɔnɔ le kple teƒe siwo tomefafa kple dziɖeɖi le. data/train/ISA/ISA_034_Verse_013.mp3,"Yehowa do dziku ɖe dukɔwo katã ŋu, eye eƒe dɔmedzoe bi ɖe woƒe asrafowo ŋu. Atsrɔ̃ wo gbidigbidi ahatsɔ wo ade asi be woawu." data/train/ISA/ISA_030_Verse_024.mp3,"Togbɔ be woƒe amegãwo le keke Zoan, eye woƒe ame dɔdɔwo ɖo Hanes ke hã la," data/train/ISA/ISA_015_Verse_002.mp3,"Dimon tɔsisiwo yɔ fũu kple ʋu, gake mahe nu vɔ̃ɖi wu esia ava Dimon dzi. Dzata aɖo Moab ƒe aʋasilawo kple ame siwo susɔ ɖe anyigba dzi la dome." data/train/ISA/ISA_059_Verse_015.mp3,"Woƒe yiyiɖɔ menyo na avɔ o. Womate ŋu atsyɔ nu si wowɔ la o. Woƒe dɔwɔwɔwo nye dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo, eye nu baɖa wɔwɔ le woƒe asiwo me." data/train/ISA/ISA_040_Verse_027.mp3,"Woaɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go, eye amegbetɔƒomea katã akpɔe, elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.”" data/train/ISA/ISA_051_Verse_004.mp3,"eya ta ɖo to afii, wò ame si kpe hiã, eye nèmu aha, evɔ mèno wain hã o." data/train/ISA/ISA_006_Verse_000.mp3,"Egblɔ nam be, “Yi nàgblɔ na ame siawo be, ‘Miaƒe towo ase nyawo, gake miase egɔme o. Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu, gake miele si dze gee o.’" data/train/ISA/ISA_062_Verse_007.mp3,"O! Yerusalem, meɖo gbetakpɔlawo wò gliwo dzi. Womazi ɖoɖoe le ŋkeke me alo zã me o. Mi ame siwo yɔa Yehowa, migagbɔ ɖe eme o," data/train/ISA/ISA_022_Verse_022.mp3,"Wò dumegãwo katã si dzo; wotsɔ wo ɖokuiwo na futɔwo, eye womeʋli wo ɖokui ta o. Togbɔ be wosi dzo esi futɔ la megogo wo kura o hã la, wolé wò amewo katã, eye wozu aboyomewo." data/train/ISA/ISA_042_Verse_007.mp3,Gbegbe kple du siwo le afi ma nekɔ woƒe gbe dzi. Kedar ƒe kɔƒewo me nɔlawo netso aseye. Ame siwo le Sela la nedzi ha kple dzidzɔ. Wonedo ɣli tso towo tame. data/train/ISA/ISA_007_Verse_000.mp3,"Ano nyinotsi babla kple anyitsi va se ɖe esime wòanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ dome," data/train/ISA/ISA_062_Verse_002.mp3,"Dukɔwo akpɔ wò dzɔdzɔenyenye, eye fiawo akpɔ wò ŋutikɔkɔe. Woayɔ ŋkɔ yeye si Yehowa ƒe nu atsɔ na wò la na wò." data/train/ISA/ISA_028_Verse_002.mp3,"ame si Mawu gblɔ na be, “Teƒe siae nye dzudzɔƒe eya ta na ame siwo ŋu ɖeɖi te la nadzudzɔ,” eye “Teƒe siae nye gbɔɖemeƒe”, gake womeɖo toe o." data/train/ISA/ISA_027_Verse_008.mp3,"To aʋawɔwɔ kple aboyomeyiyi me, ètu nu kplii, etsɔ eƒe gbeɖeɖe dziŋɔ la nyae do goe abe gbe si gbe ɣedzeƒeya ƒo la ene." data/train/ISA/ISA_054_Verse_007.mp3,"Matsɔ gbloti asrã wò xɔtamee, wò agbowo anye lekewɔnu siwo le keklẽm, eye wò gliwo anye kpe xɔasiwo." data/train/ISA/ISA_001_Verse_010.mp3,"“Miaƒe vɔsa gbogboawo ɖe, nu ka wonye nam?” Yehowae gblɔe. “Miaƒe numevɔsa siwo miewɔna kple agbowo kple lã damiwo ƒe ami la, wu tsɔtsɔ nam. Nyitsuwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu medoa dzidzɔ nam o." data/train/ISA/ISA_030_Verse_029.mp3,"Yehowa ƒe gbe akaka Asiria ʋayaʋaya. Atsɔ eƒe fiatikplɔ axlã ɖe wo, woamu adze anyi." data/train/ISA/ISA_032_Verse_005.mp3,"eye na nye amewo ƒe anyigba, anyigba si dzi ŋu kple aŋɔkawo mie ɖo. Ɛ̃, mifa na aƒe siwo katã me dzidzɔkpɔkpɔ yia edzi le kple du sia, si me wotua aglo le" data/train/ISA/ISA_029_Verse_004.mp3,"Ame siwo dze aglã le gbɔgbɔ me la, gɔmesese asu wo si, eye tosẽlawo axɔ nufiafia.”" data/train/ISA/ISA_013_Verse_016.mp3,"Vevesese kple nuxaxa alé wo, eye woaŋe abe nyɔnu si le ku lém la ene. Woƒe mo anɔ vevem hẽe, eye woafɔ ŋku ɖe wo nɔewo dzi gaa." data/train/ISA/ISA_019_Verse_025.mp3,"Ɣe ma ɣi la, Israel, nye etɔ̃lia akpe ɖe Egipte kple Asiria ŋu, esiae nye yayra le anyigba dzi." data/train/ISA/ISA_040_Verse_025.mp3,"Vavãe dukɔwo le abe tsi si ge toŋtoŋ tso tɔkpo me ene, wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu dzi ene, eye wòda ƒukpowo le nudanu dzi abe ʋuʋudedi ko wonye ene." data/train/ISA/ISA_041_Verse_007.mp3,"Aɖaŋudɔwɔla de dzi ƒo na sikanutula, ganutrela de dzi ƒo na zudala. Egblɔ tso nu si wotre la ŋu be, “Wotree nyuie.” Tete wòƒo gatagbadzɛ ɖe aklamakpakpɛ la be magaʋã o." data/train/ISA/ISA_030_Verse_016.mp3,"Miegblɔ be, ‘Kpao, míado sɔwo asi’, eya ta miasi! ‘Miegblɔ be miado sɔ ɖeablawo asi adzo.’ Eya ta mia yometilawo hã ado sɔ ɖiduwo akplɔ mi ɖo." data/train/ISA/ISA_041_Verse_009.mp3,"Eti wo yome, eye wòƒu du to teƒe siwo meto kpɔ o, gake naneke mewɔe o." data/train/ISA/ISA_059_Verse_021.mp3,"Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo ade bubu eƒe ŋutikɔkɔe ŋu, elabena ele vava ge abe tsiɖɔɖɔ si le sisim kple ŋusẽ, eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ nyae ɖe du nu la ene." data/train/ISA/ISA_059_Verse_011.mp3,"Miele asi tsam le gli ŋu abe ŋkugbagbãtɔwo ene, eye miele mɔ dim kple asi abe ame siwo mele nu kpɔm o la ene. Miele nu klim le ŋdɔkutsu dzatsi abe zã me ene, eye míele lãmesesẽtɔwo dome abe ame kukuwo ene." data/train/ISA/ISA_028_Verse_009.mp3,"Eya ta Yehowa ƒe nya na woe nye be se ɖe se dzi, se ɖe se dzi. Ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ale be woayi, eye woagbugbɔ ɖe megbe, adze anyi. Mixɔ abi, kamɔ neɖe mi, eye wonelé mi," data/train/ISA/ISA_016_Verse_005.mp3,"eya ta Moabtɔwo afa avi, woafa avi ɖe Moab ŋu. Mixa nu, miafa konyi ɖe waintsetsebolo ta na Kir Hareset," data/train/ISA/ISA_033_Verse_002.mp3,"Ame si zɔna le dzɔdzɔenyenye me, eye wògblɔa nu si le eteƒe, ame si tsri viɖe si wokpɔ to amebaba me, eye mexɔa zãnu o, ame si xe eƒe towo be magase hlɔ̃donyawo o, ame si mia eƒe ŋkuwo be makpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ o." data/train/ISA/ISA_005_Verse_010.mp3,"Baba na ame siwo yɔ vɔ̃ be nyui, eye woyɔ nyui be vɔ̃, ame siwo tsɔ viviti ɖɔli kekeli, eye wotsɔ kekeli ɖɔli viviti. Ame siwo yɔa veve be vivi, eye woyɔa vivi be veve." data/train/ISA/ISA_019_Verse_010.mp3,"“Mana be Egiptetɔwo nawɔ avu kple wo nɔewo, nɔvi kple nɔvi nawɔ avu, zɔhɛ natso ɖe zɔhɛ ŋu, du natso ɖe du ŋu, eye fiaɖuƒe natso ɖe fiaɖuƒe ŋuti." data/train/ISA/ISA_057_Verse_006.mp3,"Èyi ɖe Molek gbɔ kple ami, eye nètsɔ ami ʋeʋĩwo kpe ɖe eŋu fũu. Èɖo wò ame dɔdɔwo ɖe didiƒe ke, eye wò ŋutɔ nèyi tsiẽƒe!" data/train/ISA/ISA_007_Verse_008.mp3,"Gbe ma gbe la, afi sia afi si wainka akpe le, eye wòxɔa klosaloga akpe ɖeka (1,000) la, ŋu kple aŋɔkawo koe amie ɖe teƒe ma." data/train/ISA/ISA_022_Verse_011.mp3,"Ke mikpɔ ɖa, miele dzidzɔ kpɔm, le aglo tum. Miewu nyiwo, tso alẽwo; mieɖu lã, mieno wain, eye miegblɔ be, “Mina miaɖu nu, ano nu, elabena etsɔ miele kuku ge!”" data/train/ISA/ISA_024_Verse_015.mp3,"O! Mi anyigbadzitɔwo, ŋɔdzi, ʋe globo kple kamɔ le mia lalam." data/train/ISA/ISA_001_Verse_020.mp3,"Nyitsu nyaa eƒe aƒetɔ, eye tedzi nyaa eƒe nuɖuƒe, ke Israel menyam o, eye nye amewo mese nye nyawo gɔme o.”" data/train/ISA/ISA_001_Verse_024.mp3,"Tsã la, wokpɔa nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye le eme, ezu hlɔ̃dolawo ƒe du." data/train/ISA/ISA_044_Verse_024.mp3,"Woado ŋukpe aklamakpakpɛwɔla kple aklamakpakpɛ la siaa, elabena aɖaŋudɔwɔlawo hã, amegbetɔwo ko wonye. Wo katã neƒo ƒu ne woaɖo kpe nu dzi, ke hã la, woaƒo wo aƒu anyi kple ŋɔdzi kple dɔléle." data/train/ISA/ISA_028_Verse_026.mp3,"Yehowa atso abe ale si wòwɔ le Perazim toa dzi ene. Aʋuʋu eɖokui abe ale si wòwɔ le Gibeon Balime la ene be wòawɔ eƒe dɔ wɔnuku la, eye wòawɔ eƒe dɔdeasi si mienya o." data/train/ISA/ISA_003_Verse_010.mp3,"Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo." data/train/ISA/ISA_029_Verse_022.mp3,"Yehowa na alɔ̃ sesẽ aɖe dze mia dzi. Eyae tre mi nyagblɔɖilawo ƒe ŋkuwo, eye wòtsyɔ nu ta na mi nukpɔlawo." data/train/ISA/ISA_049_Verse_010.mp3,"Ke ale Yehowa gblɔ nye esi, “Ɛ̃, woate ŋu axɔ nuhahawo le kalẽtɔwo si, eye woaɖe aboyomewo le ŋutasẽlawo ƒe fego me. Mawɔ avu kple ame siwo awɔ avu kpli wò, eye maɖe viwòwo." data/train/ISA/ISA_043_Verse_009.mp3,"Fofowò gbãtɔ wɔ nu vɔ̃. Wò nyanuɖelawo dze aglã ɖe ŋutinye," data/train/ISA/ISA_002_Verse_019.mp3,"Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple klosalo kple sika, eye seɖoƒe meli na woƒe kesinɔnuwo o. Sɔwo bɔ ɖe woƒe anyigba dzi, eye seɖoƒe meli na woƒe tasiaɖamwo o." data/train/ISA/ISA_059_Verse_005.mp3,"elabena miaƒe asiwo ƒo ʋu, eye vodada le asibidɛ ŋu na mi. Miaƒe nuyiwo da alakpa, eye miaƒe aɖewo gblɔ nya tovowo." data/train/ISA/ISA_053_Verse_003.mp3,"eya ta mana gomekpɔkpɔe le ame ŋkutawo dome. Ama afunyinuwo kple kalẽtɔwo, elabena etsɔ eƒe agbe de ku me ke, eye wowui ɖe nu vɔ̃ wɔlawo dome ene; evɔ eyae tsɔ ame geɖewo ƒe nu vɔ̃, eye wòxɔ nya ɖe vodalawo nu." data/train/ISA/ISA_057_Verse_016.mp3,"Nye dɔmedzoe fla le eƒe ŋubiabiã ƒe nu vɔ̃ ta. Mehe to nɛ, eye meɣla nye ŋkume ɖee le dziku me, ke hã la, egayi eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ dzi." data/train/ISA/ISA_041_Verse_003.mp3,"“Ame dahewo kple hiãtɔwo le tsatsam le tsi dim, ke womekpɔ ɖeke o. Woƒe aɖewo dzi ƒu kplakplakpla le tsikɔwuame ta. Ke nye Yehowa, matɔ na wo; nye Israel ƒe Mawu la nyemagble wo ɖi o." data/train/ISA/ISA_024_Verse_002.mp3,"Ame ʋɛ siwo susɔ la kɔ gbe dzi hedo dzidzɔɣli; tso ɣetoɖoƒe woɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye," data/train/ISA/ISA_063_Verse_007.mp3,"eye wòkplɔ wo to gogloƒe la le? Abe sɔ si le gbadzaƒe ene la, womekli nu o." data/train/ISA/ISA_044_Verse_002.mp3,"“Ale Yehowa, wò Ɖela, ame si me wò ɖe dɔ me la gblɔe nye esi: “Nyee nye Yehowa si wɔ nuwo katã. Ame si he dziƒowo me, eye nye ŋutɔe keke anyigbawo me." data/train/ISA/ISA_045_Verse_015.mp3,"“Mitrɔ ɖe ŋunye ne miakpɔ ɖeɖe, mi anyigba ƒe mlɔenuwo ke, elabena nyee nye Mawu, eye ɖeke megali o." data/train/ISA/ISA_014_Verse_011.mp3,"Esia nye ɖoɖo si mewɔ ɖe xexea me katã ŋu, nye asi si mekɔ ɖe dukɔwo katã dzi," data/train/ISA/ISA_023_Verse_016.mp3,"Yehowa kɔ eƒe asi dzi ɖe atsiaƒu la dzi, eye wòna eƒe fiaɖuƒewo dzo nyanyanya. Eɖe gbe be woagbã Foenisia ƒe mɔ sesẽwo." data/train/ISA/ISA_010_Verse_011.mp3,"Egbea ke, woatɔ ɖe Nɔb ŋu. Woanye woƒe kɔwo le yame ɖe Zion nyɔnuvi ƒe to kple Yerusalem ƒe togbɛ la ŋu." data/train/ISA/ISA_014_Verse_008.mp3,"Dzra teƒe ɖo ne nàwu ŋutsuwo le afi ma, ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta. Womatsi tsitre be woanyi anyigba la ƒe dome, eye woatso du gãwo, wòaxɔ anyigba la dzi o." data/train/ISA/ISA_044_Verse_004.mp3,"Ame la tsɔe wɔ nakee. Etsɔ ɖe do dzoe le ƒuƒum. Etsɔ ɖe do dzoe, me abolo. Etsɔ ɖe wɔ mawue. Ke etsɔ ɖe wɔ mawue hesubɔna, eye wòtsɔ ɖe wɔ aklamakpakpɛ hedea ta agu nɛ." data/train/ISA/ISA_058_Verse_010.mp3,"Yehowa akplɔ wò ɖaa. Akpɔ wò hiahiãwo gbɔ le kuɖiɖinyigba dzi, eye wòado ŋusẽ wò ameti blibo la. Ànɔ abe abɔ si wode tsii nyuie kple vudo si memiena o ene." data/train/ISA/ISA_019_Verse_024.mp3,"Ɣe ma ɣi la, Egiptetɔwo azu abe nyɔnuwo ene. Ŋɔ adzi wo woadzo nyanyanya le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe asi si wòkɔ dzi ɖe wo ŋuti la ta." data/train/ISA/ISA_005_Verse_003.mp3,"ame siwo xɔa zãnu, eye wotsoa afia ŋkunɔ na agɔdzelawo; ke ame siwo ƒe nya dzɔ la, wodea wo nya me." data/train/ISA/ISA_054_Verse_001.mp3,"elabena wò wɔlae nye srɔ̃wò. Eƒe ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ. Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò Ɖela. Woyɔnɛ be anyigba blibo la ƒe Mawu." data/train/ISA/ISA_016_Verse_010.mp3,"Nye dzi le konyi fam le menye ɖe Moab ŋu abe ale si woƒoa kasaŋku ene, eye vevesese tso Kir Hareset ŋu." data/train/ISA/ISA_038_Verse_014.mp3,"Melala dzigbɔɖitɔe va se ɖe fɔŋli, gake èŋe nye ƒuwo abe dzata ene, eye zã kple keli nèna nye agbe wu enu." data/train/ISA/ISA_010_Verse_024.mp3,"Ne Yehowa wu nu siwo katã wòɖo be yeawɔ kple Zion to la kple Yerusalem nu vɔ la, ekema agblɔ be, “Mahe to na Asiria fia le eƒe dada kple ɖokuikpɔkpɔ gãe ta." data/train/ISA/ISA_037_Verse_021.mp3,"Meka ɖe edzi be, èse nu siwo Asiria fiawo tu kple dukɔwo katã, eye wotsrɔ̃ wo gbidigbidi. Ke woaɖe wò ya?" data/train/ISA/ISA_064_Verse_010.mp3,"Wò du kɔkɔewo zu gbegbe, Zion gɔ̃ hã zu gbegbe, eye Yerusalem zu aƒedo." data/train/ISA/ISA_035_Verse_002.mp3,"Blezibleziteƒewo atrɔ azu tsita eye anyigba si ƒu kplakplakpla la agbɔ agbe kple tometsi. Teƒe siwo nye amegaxiwo nɔƒe tsã la atrɔ azu lãnyiƒe azɔ, eye aƒlawo kple ati si ƒe aŋgbawo dzi woŋlɔa nu ɖo tsã la amie ɖe afi ma." data/train/ISA/ISA_033_Verse_003.mp3,"Ame siwo le Zion la dometɔ aɖeke magblɔ be, “Mele dɔ lém” o, eye woatsɔ ame siwo le afi ma la ƒe nu vɔ̃wo ake wo." data/train/ISA/ISA_045_Verse_003.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Nu siwo wowɔ le Egipte, Kus ƒe adzɔdonuwo kple Sabeatɔ tsrala mawo katã woava gbɔwò azu tɔwò. Woaɖo fli ɖe megbewò, eye woanɔ hame ava gbɔwò. Woade ta agu na wò, aɖe kuku agblɔ be ‘Vavãe, Mawu li kpli wò, eye bubu aɖeke megali o. Mawu bubu aɖeke megali o.’ ”" data/train/ISA/ISA_064_Verse_008.mp3,"O! Yehowa, mègado dziku wòatso eme o. Mègaɖo ŋku míaƒe nu vɔ̃wo dzi ɖaa o. O, nye kɔ nàkpɔ mi ɖa, mieɖe kuku, elabena mí katã míenye wò amewo." data/train/ISA/ISA_044_Verse_028.mp3,"“Ɖo ŋku nu siawo dzi, O! Yakob, elabena wòe nye nye dɔla, O! Israel. Nyee me wò, eye nye dɔlae nènye. O! Israel, nyemaŋlɔ wò be akpɔ o." data/train/ISA/ISA_005_Verse_024.mp3,"Mawɔe wòazu gbegbe, womake eƒe alɔwo alo aga eme o, eye ŋuwo kple aŋɔkawo amie ɖe afi ma. Made se na lilikpowo be womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.”" data/train/ISA/ISA_005_Verse_007.mp3,"Baba na ame siwo bua wo ɖokuiwo nunyalawoe, eye wonye aɖaŋudelawo le woawo ŋutɔ ɖokuiwo gbɔ." data/train/ISA/ISA_005_Verse_026.mp3,"Woakpɔ wain adzafi ɖeka kple afã pɛ ko le waingble agbleka ewo sɔŋ me, eye ne woƒã bli agba ɖeka la, bli kotoku ɖeka pɛ ko woakpɔ le eme.”" data/train/ISA/ISA_005_Verse_022.mp3,"Kasaŋkuwo kple saŋkuwo ɖina le miaƒe kplɔ̃ɖoƒewo, axatsɛwo, kpẽwo kple wain bɔna ɖe eŋu, gake wometsɔ ɖeke le eme na Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo alo ade bubu eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu o." data/train/ISA/ISA_030_Verse_015.mp3,"miaƒe nu vɔ̃ sia azu abe gli kɔkɔ si fe hele mumum, eye kasia wòmu zi ɖeka gbloo la ene." data/train/ISA/ISA_004_Verse_005.mp3,Woanye vɔvɔli na anyigba le ŋkeke me kple bebeƒe le tsidzadza kple ahomwo me. data/train/ISA/ISA_014_Verse_025.mp3,"Wo katã woaɖo eŋu na wò kple gbe ɖeka be, “Wò hã èzu ame beli abe míawo ke ene; èle abe mia dometɔ ɖeka ene azɔ.”" data/train/ISA/ISA_043_Verse_002.mp3,"ame si na tasiaɖamwo, sɔwo, aʋakɔwo, kple kalẽtɔwo ho aʋa, va tsi afi si womagafɔ le gbeɖe o. Ame si na wotsrɔ̃, eye wotsi abe akaɖimeɖovu ene la gblɔe nye esi:" data/train/ISA/ISA_029_Verse_017.mp3,"Miɖo asi nu, eye newɔ nuku na mi. Mitre ŋku, eye mizu ŋkugbagbãtɔwo. Mimu aha, ke menye wain o, minɔ ya mum, ke menye aha sesẽe o." data/train/ISA/ISA_063_Verse_001.mp3,"Ame kae nye esi gbɔna tso Bozra le Edom, eye aŋɔ dzĩ ƒo eƒe awuwo? Ame kae nye esi ɖo atsyɔ̃, eye wòle zɔzɔm le eƒe ŋusẽ triakɔ me? “Nyee le nu ƒom le dzɔdzɔenyenye me. Ŋusẽ le asinye be maɖe ame.”" data/train/ISA/ISA_006_Verse_011.mp3,"Wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gbɔ be, “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la; anyigba blibo la katã yɔ fũu kple eƒe ŋutikɔkɔe.”" data/train/ISA/ISA_025_Verse_005.mp3,"eya ta dukɔ siwo wɔa kalẽ la ade bubu ŋuwò, eye dukɔ nyanyrawo avɔ̃ wò," data/train/ISA/ISA_032_Verse_010.mp3,"Mifa konyi na miaƒe agble wɔnukuwo, na miaƒe wainkpo siwo tsena nyuie," data/train/ISA/ISA_005_Verse_011.mp3,"Baba na mi, ame siwo fɔna fɔŋli henɔa ho ʋlim le aha muame nono me, eye mienɔa wain yome va se ɖe zãtiƒe, eye wòmua mi tsiɖitsiɖi." data/train/ISA/ISA_007_Verse_009.mp3,"Gbe ma gbe la, Aƒetɔ la atsɔ lãnu si wòɣe le tɔ la godo, Asiria fia, be wòalũ ta na mi, alũ ɖa siwo le miaƒe afɔwo ŋu, eye wòalũ ge hã na mi." data/train/ISA/ISA_022_Verse_017.mp3,"Miekpɔ be gbagbãƒe geɖewo le David ƒe du la ŋu, eya ta mielɔ tsi ɖe anyigbeta la me." data/train/ISA/ISA_065_Verse_004.mp3,"ame siwo nɔa ameɖibɔwo me hedɔa ŋu le teƒe ɣaɣlɛwo, eye woɖua halã, woƒe detsizewo yɔna fũu kple lã makɔmakɔ ƒe detsiwo." data/train/ISA/ISA_035_Verse_005.mp3,"Ekema ŋkugbagbãtɔwo ƒe ŋkuwo aʋu, eye tokunɔwo ƒe towo aʋu." data/train/ISA/ISA_029_Verse_011.mp3,"Gbe ma gbe la, tokunɔwo anɔ abe agbalẽa me nyawo ene, eye tso blukɔ kple viviti me, ŋkugbagbãtɔwo akpɔ nu." data/train/ISA/ISA_048_Verse_017.mp3,"“O! Yakob ƒe aƒe, miɖo to nya sia. Mi ame siwo ŋu woyɔ Israel ɖo, eye mietso Yuda ƒe dzidzime me. Mi ame siwo ka atam kple Yehowa ƒe ŋkɔ, eye mieyɔa Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, gake menye le nyateƒe alo dzɔdzɔenyenye me o." data/train/ISA/ISA_037_Verse_017.mp3,"Hezekia xɔ agbalẽ la le ame dɔdɔawo si hexlẽe. Etso heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, eye wòkeke agbalẽ la ɖe Yehowa ŋkume." data/train/ISA/ISA_014_Verse_029.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Matso ɖe wo ŋuti. Maɖe Babilonia ƒe ŋkɔ, ame siwo tsi agbe, viawo kple eƒe dzidzimeviwo ɖa” Yehowae gblɔe." data/train/ISA/ISA_060_Verse_010.mp3,"“Fɔ mo dzi, eye nàkpɔ nu siwo ƒo xlã wò. Wo katã woƒo ƒu heva gbɔwò, viwò ŋutsuwo tso didiƒe ke va, eye wolé viwò nyɔnuwo ɖe abɔdome vɛ." data/train/ISA/ISA_034_Verse_017.mp3,"Ɣletivi siwo katã le dziŋgɔli ŋu la alolo, eye woaŋlɔ dziŋgɔli abe lãgbalẽ ene. Dziƒoŋunuwo katã age adze anyi abe ale si aŋgbawo dudunae le wainka ŋu alo abe ale si aŋgba yrɔna hegena le gboti dzi ene." data/train/ISA/ISA_064_Verse_002.mp3,"Èkpena ɖe ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe dzidzɔtɔe, eye wòɖoa ŋku wò mɔwo dzi la ŋuti, ke esi míegale nu vɔ̃ wɔwɔ dzi ɖe ŋuwò la, èkpɔ dziku, eya ta aleke míawɔ akpɔ ɖeɖe?" data/train/ISA/ISA_040_Verse_011.mp3,"Eyae nye ame si nɔ fiazi dzi le xexea me godoo tame, eye anyigbadzinɔlawo le abe abɔwo ene le ete. Ekeke dziƒowo abe avɔ ene, eye wòwɔe abe avɔgbadɔ si me wonɔna la ene." data/train/ISA/ISA_055_Verse_010.mp3,"Miɖo to ne miava gbɔnye. Miɖo tom be miaƒe luʋɔ nanɔ agbe. Mabla nu mavɔ kpli mi, elabena metsɔ nye lɔlɔ̃ si meʋãna o la do ŋugbee na David." data/train/ISA/ISA_001_Verse_009.mp3,"Miaƒe anyigba zu gbegbe, wotɔ dzo miaƒe duwo le miawo ŋutɔ ƒe ŋkume, du bubu me tɔwo va ha miaƒe agblemenukuwo, eye wogblẽ miaƒe anyigba abe ale si amedzrowo wɔna ene." data/train/ISA/ISA_021_Verse_014.mp3,"O! Nye dukɔ si wogbã gudugudu le lugbɔƒe abe lu ene, megblɔ nu siwo katã Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la de asi nam be magblɔ la na mi." data/train/ISA/ISA_057_Verse_000.mp3,"Ame dzɔdzɔe tsrɔ̃na, eye ame aɖeke mebua eŋu le eƒe dzi me o. Woɖea Mawumemewo ɖa, gake ame aɖeke mesea egɔme be ɖe woɖea ame dzɔdzɔewo ɖa be womagadze nu vɔ̃ɖi me o." data/train/ISA/ISA_026_Verse_011.mp3,"Miheyi, nye amewo. Mige ɖe miaƒe xɔwo me, eye miatu ʋɔawo. Miɣla mia ɖokuiwo va se ɖe esime eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu nava yi." data/train/ISA/ISA_003_Verse_018.mp3,"Woɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖe go abe Sodom ene, eye womeɣla wo o. Baba na wo! Wohe gbegblẽ va wo ɖokuiwo dzi." data/train/ISA/ISA_001_Verse_017.mp3,"Ne miele gbe dom ɖa, keke miaƒe abɔwo me la, maɣla nye ŋkume ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemaɖo to mi o, elabena miaƒe asiwo ƒo ʋu." data/train/ISA/ISA_037_Verse_009.mp3,"Esi aʋafia la se be Asiria fia dzo le Lakis la, eya hã ho dzo, eye wòke ɖe fia la ŋu wònɔ aʋa wɔm kple Libna." data/train/ISA/ISA_029_Verse_010.mp3,"eya ta magana ame siawo ƒe mo nagawɔ yaa kple nukunuwo ƒe nukunu. Nunyalawo ƒe nunya nu ava ayi, eye gɔmesese abu ɖe nugɔmeselawo.”" data/train/ISA/ISA_053_Verse_006.mp3,"Ke woƒo nu ɖee le míaƒe dzidadawo ta. Wogbãe gudugudu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Tohehe si he ŋutifafa vɛ na mí la le eya amea dzi, eye eƒe abi siwo wòxɔ la yɔ dɔ mí." data/train/ISA/ISA_063_Verse_009.mp3,"gake wòe nye mia Fofo, togbɔ be Abraham menya mí alo Israel nayi si dze ge mi o hã la, wò, o, Yehowae nye mia Fofo, mía Ɖela tso gbe aɖe gbe kee nye wò ŋkɔ." data/train/ISA/ISA_065_Verse_002.mp3,"Ame siwo gblɔna be, ‘Nɔ adzɔge, mègate ɖe ŋu nye o, elabena mele kɔkɔe akpa na wò!’ Ame siawo tɔgbi la, dzudzɔe wonye le nye ŋɔtime. Dzo si le bibim ŋkeke blibo la katãe wonye." data/train/ISA/ISA_064_Verse_007.mp3,"O, Yehowa, le nu siawo katã megbe la, ɖe nàgade megbe tso mía ŋua? Ɖe nàzi kpi ahe to na mí wu ale si hiã?" data/train/ISA/ISA_016_Verse_003.mp3,Esia nye nya si Yehowa gblɔ ɖi xoxo tso Moab ŋu. data/train/ISA/ISA_019_Verse_019.mp3,Yehowa tsɔ ŋuzitsɔame ƒe gbɔgbɔ de wo me. Ale wòna Egipte mu sɔgɔsɔgɔ le nu siwo katã wòwɔna la me abe ale si ahanomunɔtɔ mlina le xe si eya ŋutɔ ɖe la me ene. data/train/ISA/ISA_047_Verse_008.mp3,"“Ke azɔ la, ɖo to afii. Wò nugblẽla vloe si ɖe dzi ɖi blewu le wò dedinɔnɔ me, eye nègblɔ na ɖokuiwò be, ‘Nye koe, mawu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o. Nyemanye ahosi alo ana vinyewo natsrɔ̃ o.’" data/train/ISA/ISA_046_Verse_004.mp3,"meyɔ xeƒonu tso ɣedzeƒe, eye tso anyigba didi aɖe dzi. Meyɔ ame aɖe be wòana nye tameɖoɖowo nava eme. Nu si megblɔ la, eyae mana wòava eme. Nu si meɖo la, eya ke mawɔ." data/train/ISA/ISA_049_Verse_011.mp3,"Ke megblɔ be, “Nye agbagbadzedzewo nye dzodzro. Megblẽ nye ŋusẽ ɖe yame, eye nyemeɖe vi aɖeke o. Ke hã la, nu si nye tɔnye gome la, le Yehowa ƒe asi me, eye nye fetu le nye Mawu gbɔ.”" data/train/ISA/ISA_027_Verse_010.mp3,"Wainka la kuna, ŋena dzea anyi, eye nyɔnuwo fɔnɛ doa dzoe, elabena wonye ame masenugɔmewo. Eya ta woƒe Wɔla metrɔ dɔ me ɖe wo ŋu o, eye woƒe Wɔla meve wo nu o." data/train/ISA/ISA_049_Verse_025.mp3,"“Ɖe nyɔnu aŋlɔ vi si le no nu la be, eye makpɔ nublanui na vi si eya ŋutɔ dzi oa? Togbɔ be ate ŋu aŋlɔe be hã la, nye ya nyemaŋlɔ wò be o!" data/train/ISA/ISA_056_Verse_001.mp3,"Amedzro si tsɔ eɖokui na Yehowa la megagblɔ be, “Yehowa le ɖe nye ge ɖa le eƒe dukɔ la dome” o. Ŋutsu si wota hã megafa konyi agblɔ be, “Ati ƒuƒu ko menye” o." data/train/ISA/ISA_009_Verse_002.mp3,"Ame siawo kplɔlawo nye ameblelawo, eye ame siwo blem wole la bu." data/train/ISA/ISA_032_Verse_003.mp3,"Ekema ame siwo kpɔa nu la ƒe ŋkuwo maganye tre o, eye ame siwo ƒe to sea nu la ƒe towo anɔ ʋuʋu." data/train/ISA/ISA_032_Verse_015.mp3,"Togbɔ be kpetsiwo tsrɔ̃ avewo, eye wogbã du la gudugudu hã la," data/train/ISA/ISA_025_Verse_000.mp3,Akeke eƒe abɔwo ɖe dukɔ la dzi abe ale si tsiƒula kekea eƒe abɔwo ne ele tsi ƒum ene. Mawu aɖiɖi wo ɖe anyi le woƒe dada ta togbɔ be wotsɔ woƒe asiwo wɔ kalẽnu geɖewoe hã. data/train/ISA/ISA_051_Verse_019.mp3,"Woaɖe ga gamenɔla siwo le vɔvɔ̃m la kpuie. Womaku ɖe gaxɔ me loo alo abolo nahiã wo o," data/train/ISA/ISA_028_Verse_016.mp3,"Mise nu si gblɔm mele na mi, eye miɖo to nya si tom mele na mi." data/train/ISA/ISA_044_Verse_011.mp3,"Atikpala tsɔ nudzidzenu, eye wòtsɔ ɣe te fli ɖe teƒe siwo wòdzidze. Etsɔ nukpafi zrɔ̃ teƒeteƒewoe, eye wòtsɔ nudzidzega dzidzee. Ekpae ɖe ame ƒe nɔnɔme me, le ame ƒe dzedze nyuitɔ me be wòate ŋu atsɔe ada ɖe trɔ̃xɔ me." data/train/ISA/ISA_066_Verse_016.mp3,"Ne miekpɔ esia la, miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ, eye miatsi abe gbe ene. Woaɖe Yehowa ƒe asi ɖe go afia eƒe dɔlawo. Ke woaɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la, afia eƒe futɔwo." data/train/ISA/ISA_038_Verse_006.mp3,"Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu, eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be," data/train/ISA/ISA_058_Verse_012.mp3,"Ɖe esia nye nutsitsidɔ si tɔgbi melɔ̃na be ame nabɔbɔ eɖokui le ŋkeke ɖeka ko mea? Tadede agu abe keti ene, akpanyadzimɔmlɔ kple dzofimemɔmlɔ koe nye nutsitsidɔa? Eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke si dzea Yehowa ŋua?" data/train/ISA/ISA_014_Verse_001.mp3,"Aleke nèhege tso dziƒoe, o ŋukeɣletivi! Wokɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba dzi; wò ame si te dukɔwo ɖe anyi kpɔ!" data/train/ISA/ISA_029_Verse_005.mp3,"ame siwo tsɔa nya dea ame nya me wòzua agɔdzela, ame si trea mɔ na ametaʋlila le ʋɔnu, eye wòtsɔa aʋatsoɖaseɖiɖi dea ame dzɔdzɔe nya mee." data/train/ISA/ISA_011_Verse_000.mp3,Ale wòanye mɔtata na eƒe ame mamlɛ siwo susɔ tso Asiria abe ale si wònɔ na Israel esi wòkplɔ wo do goe tso Egipte ene. data/train/ISA/ISA_032_Verse_009.mp3,"Mi nyɔnu siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mitso ne miaɖo tom. Mi vinyɔnuvi siwo le dziɖeɖi me. Miɖo to nya si magblɔ!" data/train/ISA/ISA_032_Verse_019.mp3,"Yakamewo ƒe wɔnawo vɔ̃ɖi. Woɖoa nu vɔ̃ɖiwo be woatsrɔ̃ hiãtɔwo kple alakpa, ne hiãtɔwo ƒe nya dzɔ hã." data/train/ISA/ISA_054_Verse_014.mp3,"Woaɖo gɔwòme anyi le dzɔdzɔenyenye me. Ŋutasesẽ anɔ adzɔge na wò. Màvɔ̃ na naneke o. Ŋɔdzi ate ɖa xaa tso gbɔwò, eye mate ɖe ŋuwò o." data/train/ISA/ISA_044_Verse_025.mp3,"Woamie abe gbe si le gbedzi ene, eye woanɔ abe amutiwo le tɔʋuwo to ene." data/train/ISA/ISA_021_Verse_007.mp3,"Eya ta vevesese na nye ameti blibo la meʋuʋu. Vevesese ƒo ɖem abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Nu siwo mese la na memu sɔgɔsɔgɔ, eye dzidzi ƒom le nu siwo mekpɔ la ta." data/train/ISA/ISA_051_Verse_005.mp3,"Matsɔe ade asi na wò fuwɔamela siwo gblɔna na wò be, ‘Mlɔ anyi ne míazɔ dziwò ayi’, eye nèwɔ wò dzime abe anyigba kple mɔdodo ene be woato edzi ayi.”" data/train/ISA/ISA_017_Verse_002.mp3,"Elabena èŋlɔ Mawu, wò xɔnametɔ la be, eye mèɖo ŋku agakpe si nye wò mɔ sesẽ la dzi o. Eya ta togbɔ be nèƒã nuku nyuiwo, eye nèdo du bubu me tɔwo ƒe wainkawo;" data/train/ISA/ISA_054_Verse_015.mp3,"Yehowa afia nu viwò ŋutsuwo katã, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ fũu." data/train/ISA/ISA_065_Verse_017.mp3,"miaƒe nu vɔ̃wo kple mia fofowo tɔwo siaa, elabena wosa vɔ le towo tame, eye wodo tokum le togbɛwo dzi. Madzidze woƒe tohehe wòayɔ banaa, maɖo akɔ na wo ɖe woƒe tsã nu vɔ̃wo ta.” Yehowae gblɔe." data/train/ISA/ISA_030_Verse_011.mp3,"Ke Farao ƒe akpoxɔnunyenye na mi atrɔ zu ŋukpe, eye Egipte ƒe vɔvɔlitenɔnɔ ahe vlododo vɛ na mi." data/train/ISA/ISA_057_Verse_007.mp3,Èɖo aba ɖe togbɛ si kɔ bobobo la dzi. Afi mae nèyi hewɔ vɔsawo le. data/train/ISA/ISA_014_Verse_014.mp3,"Ke wo ya la, wokɔ wò ƒu gbe ɖe wò yɔdo me abe atilɔ si gbɔ wogbe nu le la ene. Wolɔ ame siwo wowu kple ame siwo tsi yi nu la li kɔe ɖe dziwò, ame siwo woɖi ɖe agakpetowo ƒe gogloƒe ke, eye wole abe ŋutilã kuku siwo wofanya kple afɔ la ene." data/train/ISA/ISA_043_Verse_016.mp3,"Mètsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ nam alo tsɔa wò lãwo ƒe ami sãa vɔ̃e nam agbadree o, ke boŋ ètsɔ wò nu vɔ̃wo do agbae nam, eye nèɖe fu nam kple wo vodadawo." data/train/ISA/ISA_018_Verse_004.mp3,"Mi xexea me nɔlawo katã kple anyigbadzitɔwo, ne wotu aflaga ɖe towo dzi la, miakpɔe. Ne woku kpẽ la, miasee. Ale si Yehowa gblɔ nam lae nye esi:" data/train/ISA/ISA_036_Verse_021.mp3,"va se ɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba si ɖi mia tɔ la dzi, anyigba si dzi bli kple wain yeye, abolo kple waingblewo bɔ ɖo." data/train/ISA/ISA_058_Verse_014.mp3,"Ɖe menye eyae nye be nàna nuɖuɖu dɔwuitɔwo, ana nɔƒe ame dahe si le tsaglãla tsam, ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la, nàta avɔ nɛ, eye màtrɔ megbe ade wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu oa?" data/train/ISA/ISA_020_Verse_003.mp3,"nenema ke Asiria fia aɖe aboyo Egipte kple Kus, aɖe amewo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa be woatsɔ ado ŋukpe Egipte," data/train/ISA/ISA_013_Verse_020.mp3,"Woƒe aŋutrɔwo tea ɖekakpuiwo ƒua anyi. Womekpɔa nublanui na funɔdɔmee o, alo ɖeviwo ƒe nu mewɔa nublanui na wo o." data/train/ISA/ISA_045_Verse_001.mp3,"Ale be tso afi si ɣe dzena tsona va se ɖe afi si wòɖoa to ɖo la, amewo nanya be Mawu bubu aɖeke mesɔ kplim o. Nyee nye Yehowa. Bubu aɖeke megali o." data/train/ISA/ISA_038_Verse_013.mp3,"Megblɔ be, “Nyemagakpɔ Yehowa o. Nyemagakpɔ Yehowa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o; nyemagakpɔ amegbetɔwo alo anɔ anyi kple ame siwo le xexe sia me o." data/train/ISA/ISA_049_Verse_000.mp3,"Ale Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi, “Kpɔ ɖa, mamia asi Trɔ̃subɔlawo, makɔ nye aflaga dzi na amewo. Woalé mia viŋutsuwo ɖe woƒe abɔwo dome atsɔ vɛ, eye woakɔ mia vinyɔnuwo ɖe abɔta vɛ." data/train/ISA/ISA_051_Verse_023.mp3,"Ɖe menye wòe na atsiaƒu, tɔ goglo la me tsiwo mie, eye nèta mɔ ɖe atsiaƒu me be ame siwo woɖe la nato edzi ayi oa?" data/train/ISA/ISA_042_Verse_018.mp3,"Mi ame siwo toa atsiaƒu dzi, mi nu siwo le atsiaƒu me, mi ƒukpowo kple ame siwo le wo dzi, midzi ha yeye na Yehowa. Midzi eƒe kafukafuha le anyigba ƒe mlɔenuwo ke." data/train/ISA/ISA_056_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Minɔ ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ dzi, eye miwɔ nu si le dzɔdzɔe, elabena nye ɖeɖe tsɔ ɖe mia gbɔ, eye esusɔ vie woaɖe nye dzɔdzɔenyenye ɖe go." data/train/ISA/ISA_059_Verse_003.mp3,"Axe fe na wo ɖe nu siwo wowɔ la nu. Atsɔ dɔmedzoe axe fee na eƒe futɔwo, eye wòatsɔ teƒeɖoɖo axe fee na eƒe ketɔwo. Atsɔ nu si dze la axe fee na ƒukpowo." data/train/ISA/ISA_022_Verse_002.mp3,"Ale tasiaɖamwo yɔ wò balime nyuitɔ, eye woɖe sɔdolawo ɖe wò agbowo nu." data/train/ISA/ISA_040_Verse_008.mp3,"Dukɔwo katã menye naneke le eƒe ŋkume o. Ebua wo abe nu maɖinuwo ko ene, eye wonye tofloko." data/train/ISA/ISA_040_Verse_024.mp3,"O! Yakob, nu ka ta nègblɔ ale, eye O! Israel, nu ka ta nègblɔ be, “Nye mo ɣla ɖe Yehowa, eye nye Mawu metsɔ ɖeke le nye nyawo me o?”" data/train/ISA/ISA_040_Verse_012.mp3,"Eɖea bubu le amegãwo dzi, eye wòwɔa xexe sia me dziɖulawo wozua nu maɖinuwo." data/train/ISA/ISA_064_Verse_009.mp3,"Tso blema ke, ame aɖeke mesee o, to aɖeke mesee o, ŋku aɖeke mekpɔ Mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋuwò, esi kpena ɖe ame siwo le mɔ kpɔm nɛ la ŋu o." data/train/ISA/ISA_022_Verse_020.mp3,"‘Nu ka wɔm nèle le afi sia, eye ame kae ɖe mɔ na wò be naɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi sia hafi nèle yɔdo ɖem ɖe kɔkɔƒe, eye nèle kpe gbãm be nàwɔ wò dzudzɔƒe ɖe agakpewo tome?’" data/train/ISA/ISA_033_Verse_018.mp3,"Wò ŋku nenɔ Zion dzi. Du si me mieɖua miaƒe ŋkekenyuiwo le; wò ŋkuwo akpɔ Yerusalem, ŋutifafaƒe kple agbadɔ si womaɖe ɖa akpɔ o. Womaho eƒe tsyotiwo le tome alo alã ka siwo wohe ɖe wo ŋuti o." data/train/ISA/ISA_013_Verse_017.mp3,"Woatsɔ woƒe vidzĩwo axlã ɖe anyi le wo ŋkume. Woaha woƒe aƒewo, eye woadɔ kple wo srɔ̃wo sesẽtɔe." data/train/ISA/ISA_036_Verse_012.mp3,"Kpɔ ɖa, èle ŋu ɖom ɖe Egipte, aƒla ŋeŋe, atizɔti ma ŋu. Esi ne ame aɖe ziɔ ɖe eŋu la, aŋɔ asi nɛ ahade abi eŋu. Nenemae nye Egipte fia, Farao, na ame sia ame si aɖo ŋu ɖe eŋu." data/train/ISA/ISA_026_Verse_010.mp3,"Kpɔ ɖa, Yehowa tso le enɔƒe be yeava ahe to na anyigbadzinɔlawo le woƒe nu vɔ̃wo ta. Anyigba aɖe ʋu siwo wokɔ ɖe edzi la afia, eye magate ŋu aɣla eƒe ame kukuwo o." data/train/ISA/ISA_047_Verse_002.mp3,"“Babiloniatɔwo ƒe vinyɔnu nɔ anyi le ɖoɖoezizi me. Yi ɖe blukɔ me. Womagayɔ wò be, Fiaɖuƒewo ƒe fianyɔnu o." data/train/ISA/ISA_027_Verse_003.mp3,"Le ŋkeke ma dzi la, “Miadzi ha tso waingble si tse fũu la ŋu." data/train/ISA/ISA_030_Verse_014.mp3,"Le ŋkeke si dzi woawu ame geɖewo la, gbetakpɔxɔ kɔkɔwo amu; tɔʋumetsi asi tso to kɔkɔ ɖe sia ɖe kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi." data/train/ISA/ISA_007_Verse_011.mp3,"Gbe ma gbe la, Yehowa alia aku ayɔ nudzodzoewo tso Egipte tɔʋuwo ƒe mlɔewo nu ke kple anyiwo tso Asirianyigba dzi" data/train/ISA/ISA_003_Verse_001.mp3,"ame blaatɔ̃wo: ƒe amegãwo, amegã bubuwo, aɖaŋudelawo, aɖaŋudɔwɔlawo kple gbesalawo dzi." data/train/ISA/ISA_065_Verse_001.mp3,"Ame si ayra eɖokui le anyigba dzi la awɔe le nyateƒe ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me, eye ame si aka atam le anyigba dzi la, akae le nyateƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me, elabena woaŋlɔ fuɖename tsãtɔwo be, eye woaɣla ɖe nye ŋkuwo." data/train/ISA/ISA_019_Verse_005.mp3,Ketelɔlawo ƒe mo atsi daa eye agbatedɔwɔlawo katã ƒe dzi axa nu. data/train/ISA/ISA_028_Verse_003.mp3,Anye afia nyui tsotso ƒe gbɔgbɔ anɔ ame si le ʋɔnu drɔ̃m la me. Anye ŋusẽ na agbonudzɔlawo le aʋaŋɔli. data/train/ISA/ISA_032_Verse_018.mp3,"Womagayɔ bometsilawo be bubumewo, eye womagayɔ yakamewo be ame ŋkutawo o," data/train/ISA/ISA_038_Verse_012.mp3,"Megblɔ be, “Le nye agbe ƒe kekeli me, ɖe mato ku ƒe agbowo me, eye woaxɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo le asinyea?”" data/train/ISA/ISA_040_Verse_028.mp3,"Womekpɔ do wo o, womekpɔ ƒã wo o, womekpɔ to ke ɖe anyigba me o, kasia egbɔ ɖe wo dzi, woyrɔ, eye ya va kplɔ wo dzoe abe atsa ene." data/train/ISA/ISA_025_Verse_007.mp3,"Gbe ma gbe la, woagblɔ be, “Esiae nye míaƒe Mawu vavã la. Míeɖo ŋu ɖe eŋu, eye wòɖe mí. Eyae nye Yehowa si ŋu míeɖo ŋu ɖo. Mina míatso aseye, akpɔ dzidzɔ le eƒe ɖeɖe la ta.”" data/train/ISA/ISA_037_Verse_000.mp3,"Afi ka Hamat fia le, afi ka Arpad fia le, afi ka Sefarvaim dua ƒe fia le, eye afi ka Hena kple Iva ƒe fiawo le?”" data/train/ISA/ISA_014_Verse_004.mp3,"Ame siwo kpɔ wò la, woafɔ ŋku ɖe dziwò, eye woabu nu si dzɔ ɖe dziwò la ŋuti ahabia be, “Ɖe menye ame siae nye ame si ʋuʋu anyigba la, eye wòna fiaɖuƒewo dzo nyanyanya," data/train/ISA/ISA_047_Verse_004.mp3,"Èka ɖe wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖitɔnyenye dzi hegblɔ be, ‘Ame aɖeke mekpɔam o.’ Wò nunya kple gɔmesese ble wò nègblɔ na ɖokuiwò be, ‘Nye koe, mawu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o.’" data/train/ISA/ISA_010_Verse_030.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖe atam ɖe wo dzi abe ale si wòƒo Midian le Oreb ƒe agakpe la gbɔ ene, eye ado eƒe atikplɔ ɖe tsiawo dzi abe ale si wòdze le Egipte la ene." data/train/ISA/ISA_024_Verse_020.mp3,"Wole ɣli dom le wain dim le mɔtatawo dzi kple ŋkubiã. Dzidzɔkpɔkpɔwo katã trɔ zu blanuiléle, eye vivisesewo katã bu le anyigba la dzi." data/train/ISA/ISA_028_Verse_023.mp3,"Wometsɔa luƒomɔ ƒoa sikɔnie alo tsɔa keke zɔa adrike dzi hafi woklẽna o, ke boŋ wotsɔa kpo ƒoa sikɔnie, eye wotsɔa ati ƒoa adrikee." data/train/ISA/ISA_056_Verse_003.mp3,"Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi, “Ne ŋutsu siwo wota, lé nye Dzudzɔgbe me ɖe asi, hetia nu si dzea ŋunye, eye wolé nye nubabla me ɖe asi goŋgoŋ la," data/train/ISA/ISA_037_Verse_022.mp3,"“Mèsee do ŋgɔ oa? Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke. Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi; ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo la zu anyiglago." data/train/ISA/ISA_024_Verse_023.mp3,"Ŋu akpe ɣe, eye ɣleti ƒe mo awɔ yaa, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖu fia le ŋutikɔkɔe me le Zion to la dzi kple Yerusalem le eƒe dumegãwo ŋkume." data/train/ISA/ISA_002_Verse_016.mp3,Woabɔbɔ to kɔkɔwo kple tɔgbɛ kɔkɔwo katã ɖe anyi; data/train/ISA/ISA_052_Verse_010.mp3,"nenema kee wòahlẽ nu ɖe dukɔ geɖewo dzi, eye fiawo amia nu le eya amea ta, elabena woakpɔ nu si womegblɔ na wo o, eye woase nu si womese kpɔ o la gɔme." data/train/ISA/ISA_048_Verse_004.mp3,"Kpɔ ɖa, melolõ mi, gake menye abe klosalo ene o. Medo mi kpɔ le fuwɔame ƒe kpodzo me." data/train/ISA/ISA_033_Verse_012.mp3,"Màgakpɔ ɖokuiŋudzela mawo azɔ o, ame siwo fiana, eye woƒe nuƒo gɔme menyasena o." data/train/ISA/ISA_044_Verse_017.mp3,"Gbede tsɔ eƒe dɔwɔnu de gayibɔdzo me. Etsɔ eƒe zu wɔ dɔ le gayibɔ la ŋu kple eƒe abɔ sesẽ, eye wòwɔe wòzu legba. Dɔ wui, eye wògbɔdzɔ. Meno tsi o, ale nu ti kɔ nɛ vevie." data/train/ISA/ISA_041_Verse_002.mp3,"Ale be amewo nakpɔe, anyae, abu eŋu, eye woase egɔme be, Yehowa ƒe asie wɔ esia, eye Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae na wòva eme.”" data/train/ISA/ISA_021_Verse_008.mp3,"Gbetakpɔla ɖe gbe abe dzata ene be, “Nye Aƒetɔ, metsi tsitre ɖe nye dzɔƒe la gbe sia gbe kple zãwo katã me." data/train/ISA/ISA_040_Verse_014.mp3,"Gbe aɖe ɖi be, “Ɖe gbeƒã!” eye mebia be, “Nu ka ƒe gbeƒã maɖe?” “Amegbetɔwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene." data/train/ISA/ISA_066_Verse_019.mp3,"Woado go aɖakpɔ ame siwo dze aglã ɖe ŋunye la ƒe kukuawo, elabena woƒe nyewo maku o, woƒe dzowo matsi o, eye woanye ŋunyɔ na amegbetɔƒomea katã.”" data/train/ISA/ISA_041_Verse_029.mp3,"ɖe sia ɖe kpe ɖe nɔvia ŋu, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Lé dzi ɖe ƒo.”" data/train/ISA/ISA_007_Verse_006.mp3,"Gake ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “ ‘Madze edzi o, mava eme o," data/train/ISA/ISA_048_Verse_003.mp3,"Fifia ko wowɔ wo. Wo wɔɣi medidi o. Miese woƒe ŋkɔ kpɔ abe egbea ene o, eya ta miate ŋu agblɔ be, ‘Ɛ̃ mienya wo’ o." data/train/ISA/ISA_064_Verse_004.mp3,"gake hã la, o Yehowa, wòe nye mía Fofo. Míawo la, anyie mienye eye wòe nye zemela. Mí katã mienye wò asinudɔwɔwɔwo." data/train/ISA/ISA_064_Verse_003.mp3,"elabena esime nèwɔ nu dziŋɔ siwo míekpɔ mɔ na o la, èɖiɖi va anyi, eye towo dzo kpekpekpe le ŋkuwò me." data/train/ISA/ISA_024_Verse_017.mp3,"Wain yeyewo vɔ ƒiaƒiaƒia, wainkawo yrɔ, eye dzidzɔkpɔlawo katã le tse ɖum." data/train/ISA/ISA_041_Verse_012.mp3,"“Ke wò, Israel, nye dɔla, Yakob, ame si metia. Mi, xɔ̃nye, Abraham ƒe dzidzimeviwo." data/train/ISA/ISA_005_Verse_030.mp3,"Ɖeɖi mete wo dometɔ aɖeke ŋu alo nu nati kɔ nɛ o. Ɖeka pɛ hã medɔ akɔlɔ̃e alo dɔ alɔ̃ o. Alidziblanu metu le ɖeke ƒe ali o, eye tokota metso le ɖeke ƒe afɔ o." data/train/ISA/ISA_021_Verse_011.mp3,"mi ame siwo le Tema, miku tsi vɛ na ame siwo tsikɔ le wuwum. Mitsɔ nuɖuɖu vɛ na aʋasilawo," data/train/ISA/ISA_014_Verse_030.mp3,"Yehowa ŋe ame vɔ̃ɖi ƒe ameƒoti, eye wòŋe fiawo ƒe tsiamiti" data/train/ISA/ISA_061_Verse_009.mp3,"Woayɔ mi be Yehowa ƒe nunɔlawo, eye woatsɔ ŋkɔ na mi be, miaƒe Mawu la ƒe hadɔwɔlawo. Miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye miaƒo adegbe le woƒe nunɔamesi siwo zu mia tɔ la ta." data/train/ISA/ISA_003_Verse_015.mp3,"Nu ka gblɔm miele esi miegbã nye amewo, eye mieto mo na ame dahewo nyanyanya?” Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/ISA/ISA_043_Verse_019.mp3,“Miŋlɔ blemanuwo be. Migaɖo ŋu ɖe gbe aɖe gbe nuwo ŋu o. data/train/ISA/ISA_023_Verse_005.mp3,"Le ƒe blaadre ƒe nuwuwu la, Yehowa ahe to na Tiro. Agatrɔ ayi ɖe eƒe gbolowɔwɔ dzi, eye wòatsa asi sia kple fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi;" data/train/ISA/ISA_030_Verse_025.mp3,Wodzra afi si woatɔ dzo Tofet le la da ɖi xoxo. Wodzrae ɖo ɖi na fia la hã. Wowɔ eƒe dzoʋe la wògoglo hekeke. Dzo kple nake bɔ ɖe eme. Yehowa ƒe Gbɔgbɔ si le sisim abe aŋɔtɔʋu ene lae atɔ dzoe. data/train/ISA/ISA_052_Verse_008.mp3,"Midzi dzidzɔhawo, mi Yerusalem ƒe gli kpowo, elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòɖe Yerusalem." data/train/ISA/ISA_009_Verse_003.mp3,"Ame tsitsiwo kple ame ŋkutawoe nye ta la, eye nyagblɔɖila siwo fiaa alakpadada lae nye asike la." data/train/ISA/ISA_011_Verse_013.mp3,"Vi nonowo ata le ƒli ƒe do nu, eye ɖevi suewo aƒo asi ɖe dakpui ƒe do me." data/train/ISA/ISA_030_Verse_005.mp3,"Azɔ la, yi nàŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi na wo, ŋlɔe ɖe agbalẽ me be wòanye ɖaseɖiɖi tegbee hena ŋkeke siwo gbɔna." data/train/ISA/ISA_037_Verse_011.mp3,"Esi fia Hezekia ƒe ame dɔdɔwo va Yesaya gbɔ la," data/train/ISA/ISA_052_Verse_009.mp3,"Midzo, midzo, mido go le afi ma! Migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o! Mido go le eme, Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o. Mi ame siwo lé Yehowa ƒe kpluwo ɖe asi." data/train/ISA/ISA_013_Verse_001.mp3,"Amewo magatso aƒe ɖe afi ma akpɔ gbeɖe o, eye wòazu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime. Arabiatɔ aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖe afi ma o, alẽkplɔla aɖeke mana eƒe lãwo natsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma o." data/train/ISA/ISA_004_Verse_002.mp3,"Ekema Yehowa ana lilikpo nado ɖe Zion to blibo la kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma kple dzudzɔ la dzi le ŋkeke me, eye le zã me la, anye dzo bibi, eye ŋutikɔkɔe anye agbadɔ." data/train/ISA/ISA_022_Verse_006.mp3,"Elam kpla daku, eƒe tasiaɖam kple sɔdolawo kpe ɖe eŋuti, eye Kir ɖe nu le eƒe akpoxɔnu ŋu." data/train/ISA/ISA_001_Verse_022.mp3,"O! Dziƒo kple anyigba, miɖo to miase nya si gblɔm Yehowa le. Yehowa be: “Ɖevi siwo menyi hekplɔ wo kple beléle la dze aglã ɖe ŋunye." data/train/ISA/ISA_007_Verse_005.mp3,"Eya ta Aƒetɔ la ŋutɔ ana dzesi mi. Ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, ana ŋkɔe be Imanuel." data/train/ISA/ISA_023_Verse_003.mp3,"Ke hã la, woatsɔ viɖe siwo wòkpɔ la na Yehowa. Womadzrae ɖo ɖe nudzraɖoƒe alo aɣlae o. Woatsɔ eƒe viɖe siwo wòkpɔ la na ame siwo nɔ agbe le Yehowa ŋkume be, woatsɔ aƒle nuɖuɖu geɖe kple nudodo nyuiwoe." data/train/ISA/ISA_049_Verse_013.mp3,"Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ŋkɔ ɖe nye asiƒowo me, eye wò gliwo le ŋkunye me ɖaa." data/train/ISA/ISA_015_Verse_007.mp3,Wo katã wota akpanya hele zɔzɔm le mɔtatawo dzi; wo katã wole ɣli dom le xɔwo tame kple ablɔwo me eye wotsɔ mo tsyɔ anyi hele avi fam. data/train/ISA/ISA_027_Verse_009.mp3,"To esia me ko woalé avu Yakob ƒe vodadawo, eye esia anye kutsetse si ado tso eƒe nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me. Eyae nye be wòagbã vɔsamlekpuiwo; woatu wɔ abe ɣe ene eye aƒeliwo ƒe dzudzɔʋeʋĩdoƒewo maganɔ anyi o." data/train/ISA/ISA_045_Verse_012.mp3,"Madze ŋgɔ na wò, agbã towo le ŋgɔwò. Magbã akɔbligbowo, eye maŋe gayibɔ ƒe gametiwo." data/train/ISA/ISA_007_Verse_019.mp3,Woava adze ɖe bali globowo kple kpetowo me. Woava dze ɖe ŋuvewo kple tsiʋewo katã me. data/train/ISA/ISA_015_Verse_008.mp3,"Woƒe konyifaɣli le ɖiɖim le Moab ƒe liƒowo dzi; woƒe avifafa ɖo keke Eglaim, eye woƒe konyifafa ɖo Beer Elim." data/train/ISA/ISA_054_Verse_012.mp3,"Togbɔ be towo aʋa, eye togbɛwo aɖe ɖa hã la, nye lɔlɔ̃ mavɔ si metsɔ lɔ̃ mi la maʋã o, eye nye ŋutifafanubabla mate ɖa o.” Yehowa, wò nublanuikpɔlae gblɔe." data/train/ISA/ISA_034_Verse_003.mp3,"Edom ƒe tɔsisiwo me aƒu kplakplakpla. Ke si le anyigba la abi abe aŋɔe lé dzo ene, eye eƒe anyigba katã abi abe gbe ƒuƒu ene." data/train/ISA/ISA_010_Verse_000.mp3,"Abe ale si dɔléle vɔ̃ɖi dzea ŋutsu dzi hewunɛ ene la, nenema ke Yehowa atsrɔ̃ Asiria ƒe ave dodowo kple woƒe agblenyigba nyuiwo gbidigbidi." data/train/ISA/ISA_041_Verse_006.mp3,"Ame kae ƒo nu tso ame sia ŋuti tso gɔmedzedzea, ne mienyae do ŋgɔ, ne miate ŋu agblɔ be, ‘Eƒe nya dzɔ?’ Ame aɖeke megblɔ esia o. Ame aɖeke megblɔe da ɖi o; ame aɖeke mese nya aɖeke tso gbɔwò o." data/train/ISA/ISA_014_Verse_009.mp3,"Ègblɔ le wò dzi me be, “Malia nu ayi ɖe dziƒo. Mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo tame. Manɔ nye fiazikpui dzi le takpekpeto la dzi, le to kɔkɔe la tame ʋĩi ke." data/train/ISA/ISA_022_Verse_012.mp3,"“Kpɔ nyuie, elabena esusɔ vie Yehowa ƒe asi nasu dziwò, eye wòatsɔ wò aƒu gbe. O! Ŋutsu kalẽtɔ." data/train/ISA/ISA_021_Verse_000.mp3,"Ale Aƒetɔ la gblɔ nam nye esi, “Le ƒe ɖeka me tututu abe ale si awɔbamenɔla xlẽa eƒe ƒee ene la, Kedar ƒe atsyɔ̃ katã nu ayi." data/train/ISA/ISA_015_Verse_000.mp3,"Ale woƒe kesinɔnu siwo wokpɔ heli kɔe ɖi la, woatsɔe atso Amutitɔʋu lae." data/train/ISA/ISA_048_Verse_007.mp3,"Megblɔ nu siwo dzɔ va yi la da ɖi xoxo. Metsɔ nye nu ɖe gbeƒã wo, eye mena mienya wo. Meɖe zɔ, kasia wo katã wova eme," data/train/ISA/ISA_005_Verse_009.mp3,"Baba na ame siwo tsɔ beble ƒe kawo de dzidada le hehem, eye wode kekehekawo nu vɔ̃ hele hehem," data/train/ISA/ISA_049_Verse_012.mp3,"Ke Zion gblɔ be, “Yehowa gblem ɖi, Aƒetɔ la ŋlɔm be.”" data/train/ISA/ISA_055_Verse_006.mp3,"Le ŋuve teƒe la logotiwo amie na mi, eye le aŋɔkawo teƒe la gbotiwo amie na mi. Esia tso Yehowa gbɔ be, wòanye dzesi mavɔ si womagblẽ akpɔ gbeɖe o.”" data/train/ISA/ISA_060_Verse_005.mp3,"Dukɔwo ava wò kekeli la gbɔ, eye fiawo ava wò agudzedze ƒe keklẽ la gbɔ." data/train/ISA/ISA_054_Verse_008.mp3,"“Mègavɔ̃ o, elabena wò mo matsi dãa o. Mègavɔ̃ na ŋukpeɖuɖu o, elabena womado vlo wò o. Àŋlɔ wò ɖetugbimeŋukpewo be, eye màgaɖo ŋku wò ahosinyenye ƒe vlododowo dzi o," data/train/ISA/ISA_019_Verse_018.mp3,"Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ aƒu Egiptetɔwo; aƒo wo, eye wòagayɔ dɔ wo. Woatrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye wòase woƒe kukuɖeɖe ahayɔ dɔ wo." data/train/ISA/ISA_044_Verse_016.mp3,"Etsɔ eƒe susu da ɖe dzofi dzi, eye dzi si woble la kplɔe trae, ale mate ŋu aɖe eɖokui alo agblɔ be, “Ɖe nu si melé ɖe nye nuɖusime la menye aʋatso oa?”" data/train/ISA/ISA_032_Verse_004.mp3,"elabena bometsila gblɔa bometsinya, eye eƒe susu yɔ fũu kple nu vɔ̃ɖi. Enɔa agbe le Mawu mavɔmavɔ me, eye wògblɔa nya tatrawo ɖe Yehowa ŋu, menaa nuɖuɖu dɔwuitɔwo o, eye wotea tsi tsikɔwuitɔwo." data/train/ISA/ISA_033_Verse_010.mp3,"Gbedzimɔwo ɖi gbɔlo, eye mɔzɔla aɖeke mele mɔtatawo dzi o. Nubabla la me gblẽ. Wodo ŋunyɔ eƒe ɖasefowo, eye womede bubu ame aɖeke ŋuti o." data/train/ISA/ISA_046_Verse_009.mp3,"va se ɖe miaƒe tsitsime esime miaƒe taɖa ƒo wɔ ke hã la, nye koe, nye ɖeka koe ate ŋu alé mi ɖe te. Nyee wɔ mi, eye matsɔ mi ada ɖe ɖokuinye dzi." data/train/ISA/ISA_053_Verse_004.mp3,"Ke enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu be wòagbãe gudugudu, ana wòakpe fu togbɔ be Yehowa tsɔ eƒe agbe wɔ fɔɖivɔsae hã la, akpɔ eƒe dzidzimeviwo. Adidi eƒe ŋkekewo ɖe edzi, eye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ava eme to eƒe asi dzi." data/train/ISA/ISA_045_Verse_007.mp3,"elabena ale Yehowa, ame si wɔ dziƒo, eye wònye Mawu, ame si wɔ anyigba, eye wòna wòva dzɔ, meyɔe be wòatsi gbɔlo o, ke boŋ ewɔe be nuwo nanɔ edzi. Eyae gblɔ be, “Nyee nye Yehowa, bubu aɖeke megali o." data/train/ISA/ISA_041_Verse_008.mp3,"elabena nyee. Nye Yehowa, wò Mawu, ame si lé wò nuɖusibɔ ɖe asi hele gbɔgblɔm na wò be ‘Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.’" data/train/ISA/ISA_001_Verse_016.mp3,"Ne miedo ɖe nye ŋkume la, ame kae bia esia tso mia si be, mianɔ afɔɖi ƒom nye xɔxɔnuwo?" data/train/ISA/ISA_010_Verse_015.mp3,"Eya ta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, adɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ɖa wòava atsrɔ̃ wò aʋakɔwo katã, eye dzo abi le eƒe amegãwo dome abe ale si dzo binae ene." data/train/ISA/ISA_047_Verse_000.mp3,"Ame siwo nèwɔ dɔ sesẽwo kpli, eye nèzɔ mɔ geɖewo kpli wo tso wò ɖevime ke la, esia koe nye nu si woate ŋu awɔ na wò. Ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ le vodada me, eye ɖeka hɔ̃ɔ hã meli si aɖe wò o.”" data/train/ISA/ISA_032_Verse_017.mp3,"woayra mi ne mieƒã nu ɖe tɔʋu ɖe sia ɖe to, eye miena miaƒe nyiwo kple tedziwo ɖu gbe le ablɔɖe me." data/train/ISA/ISA_001_Verse_003.mp3,"Eya ta ale Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Ŋusẽtɔ la gblɔe nye esi. “O! Makpɔ gbɔɖeme tso nye ketɔwo ƒe asi me, eye mabia hlɔ̃ nye futɔwo." data/train/ISA/ISA_010_Verse_002.mp3,"Ale si nye asi su fiaɖuƒe siawo kple woƒe legba siwo de ŋgɔ wu Yerusalem kple Samariatɔwo dzi la," data/train/ISA/ISA_030_Verse_026.mp3,"Wogblɔ na nukpɔlawo be, “Migakpɔ ŋutega azɔ o!” eye na nyagblɔɖilawo be, “Migagblɔ gbedeasi si le eteƒe la na mí o. Migblɔ nya viviwo na mí. Migblɔ alakpanyawo ɖi." data/train/ISA/ISA_027_Verse_002.mp3,"Le ŋkeke ma dzi la, kpẽ sesẽ aɖi. Ame siwo le tsɔtsrɔ̃m le Asiria kple ame siwo si yi Egipte la, woatrɔ agbɔ ava subɔ Yehowa le to kɔkɔe si le Yerusalem la dzi." data/train/ISA/ISA_048_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si fiaa nu si nyo na wò la wò, ame si fiaa mɔ si nàto la wò." data/train/ISA/ISA_053_Verse_002.mp3,"Edze abe atilɔ fɛ̃ ene le eŋkume, eye wòle abe ke si woɖe le anyigba ƒuƒu me la ene. Nyonyo alo fianyenye mele eŋu ne eƒe nu nanyo mia ŋu o. Naneke mele eƒe dzedzeme ŋu si awɔe be wòadzro mí o." data/train/ISA/ISA_060_Verse_019.mp3,"Woakplɔ Kedar ƒe lãhawo aƒo ƒu vɛ na wò, eye Nebayɔt ƒe agbowo asubɔ wò. Woaxɔ wo abe vɔsa ene le nye vɔsamlekpui dzi, eye maɖo atsyɔ̃ na nye gbedoxɔ kɔkɔe la." data/train/ISA/ISA_041_Verse_016.mp3,"Mana sedati, logoti, gboti kple amiti namie ɖe gbegbe, eye mana xeti, fɔfɔli, kple sesewu namie ɖe dzogbe." data/train/ISA/ISA_065_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Abe ale si wofiaa wain le wain tsetsewo me vɔ, eye amewo gblɔna be, ‘Migatsɔe ƒu gbe o, elabena ɖe gale eme’ ene la, nenemae mawɔ ɖe nye dɔlawo ŋu, nyematsrɔ̃ wo katã o." data/train/ISA/ISA_036_Verse_005.mp3,"Ekema aleke nàte ŋu anya nye amegã ƒe dɔla si nye suetɔ, togbɔ be nèle ŋu ɖom ɖe Egipte ŋu be woakpe ɖe ŋuwò kple tasiaɖam kple sɔwo?" data/train/ISA/ISA_054_Verse_002.mp3,"“Ele nam ko abe Noa ƒe ɣeyiɣiwo me ene, esi meka atam be ale si tsi ɖe anyigbae le Noa ŋɔli la, magadzɔ nenema akpɔ gbeɖe o. Nenema kee meka atam azɔ be nyemagado dziku ɖe mia ŋuti o eye nyemagaka mo na mi akpɔ o." data/train/ISA/ISA_007_Verse_002.mp3,"“Bia dzesi Yehowa, wò Mawu la. Eɖanye gogloƒe ke loo alo kɔkɔƒe ke o.”" data/train/ISA/ISA_053_Verse_008.mp3,"Ne eƒe luʋɔ kpe fu vɔ la, akpɔ agbe ƒe kekeli, eye eƒe dzi adze eme; to enyanya me, nye dɔla dzɔdzɔe atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe nu vɔ̃wo te," data/train/ISA/ISA_037_Verse_004.mp3,"Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Esi wòse nya sia la, edɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be," data/train/ISA/ISA_034_Verse_012.mp3,Woatsɔ woƒe Ame tsiaʋawo aƒu gbe. Woƒe ŋutilã kukuawo aƒaƒã anɔ ʋeʋẽm eye towo aƒo woƒe ʋu bekee. data/train/ISA/ISA_047_Verse_010.mp3,"Miaƒe Ɖelae nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ." data/train/ISA/ISA_033_Verse_015.mp3,"O! Dukɔwo, woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒu abe ale si woƒoa ŋɔviwo nu ƒue ene, eye amewo adze wo dzi abe ale si ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe dzea nu dzi ene." data/train/ISA/ISA_036_Verse_002.mp3,"Aʋafia la gblɔ na wo be, “Gblɔ na Hezekia be: “ ‘Ale Asiria fia, fiagã la gblɔe nye esi: Nu ka dzi nètu wò dzideƒo sia ɖo?" data/train/ISA/ISA_007_Verse_013.mp3,"Ke Ahaz ɖo eŋu nɛ be, “Nyemabia o; nyemado Yehowa akpɔ o.”" data/train/EST/EST_009_Verse_017.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔ siwo nɔ fiaɖuƒe la ƒe akpa bubuawo la ƒo ƒu, eye wotsrɔ̃ woƒe futɔwo katã. Wowu woƒe futɔ akpe blaadre-vɔ-atɔ̃ (75,000), gake womeha woƒe nuwo o." data/train/EST/EST_001_Verse_014.mp3,"Le ŋkeke adrea gbe esime wain na be Fia Ahasuerus mu aha afã kple afã, eye wònɔ dzidzɔ kpɔm la, eyɔ ŋutsusubɔla adre siwo wotia be woanɔ esubɔm la va eɖokui gbɔe. Ame siawoe nye Mehuman, Bizta, Harbona, Bigta, Abagta, Zetar kple Karkas." data/train/EST/EST_001_Verse_015.mp3,"Le ɣe ma ɣi me la, Fia Ahasuerus nɔ eƒe fiazikpui dzi le Susa mɔ gã la me." data/train/EST/EST_007_Verse_004.mp3,"Ester ɖo eŋu be, “Míaƒe futɔ kple ketɔ lae nye Haman vɔ̃ɖi sia.” Tete vɔvɔ̃ na Haman ɖi vo, eye eƒe mo da tu le fia la kple fiasrɔ̃ la ƒe ŋkume." data/train/EST/EST_006_Verse_001.mp3,"Ale Haman yi fia la gbɔ, eye fia la biae be, “Nu ka woawɔ atsɔ ade bubu ame aɖe si ŋu mekpɔ ŋudzedze tɔxɛ le la?” Tete Haman bu le eƒe ta me be, “Ame ka gɔ̃ ŋu fia la ade bubui ne menye nye ko oa?”" data/train/EST/EST_002_Verse_010.mp3,"Gbe ɖeka la, esime Mordekai nɔ dɔ wɔm le fiasã la me la, ŋutsu eve siwo nye fia la ƒe nyɔnuwo dzi kpɔlawo, Bigtan kple Teres, ame siwo nɔ fiasã la ƒe agboa nu dzɔm la do dɔmedzoe ɖe fia la ŋu, eye woɖo be yewoawu Fia Ahasuerus." data/train/EST/EST_008_Verse_005.mp3,"Esi fia la ƒe sedede la va ɖo du sia du kple nuto ɖe sia ɖe me la, Yudatɔwo katã kpɔ dzidzɔ, woɖu ŋkekenyui, eye womewɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Ame geɖewo wɔ wo ɖokuiwo Yudatɔwoe, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo." data/train/EST/EST_002_Verse_003.mp3,Ale wokplɔ Ester yi na Fia Ahasuerus le ɣleti ewolia si woyɔna be Tebet la me le fia la ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me. data/train/EST/EST_009_Verse_019.mp3,"Mordekai nye ame ŋkuta aɖe le fiasã la me, eƒe ŋkɔ ɖi de fiaɖuƒe la ƒe akpa sia akpa, eye eƒe ŋusẽ ganɔ dzi dem ɖe edzi ɣe sia ɣi." data/train/EST/EST_005_Verse_008.mp3,"Fia la biae be, “Nu kae nye wò didi, Fianyɔnu Ester? Nu ka nàbia? Nu sia nu si nàbia la, mana wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!”" data/train/EST/EST_007_Verse_009.mp3,"Harbona, fia la ƒe subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Fia bubutɔ, Haman na wotu kadeveti aɖe si kɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃ la ɖe Mordekai, ame si ɖe fia la ƒe agbe la ŋu, ele Haman ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu.” Fia la ɖe gbe be, “Mide ka ve na Haman ɖe kadeveti la ŋu!”" data/train/EST/EST_002_Verse_001.mp3,"Ale le fia la ƒe sedede nu la, wokplɔ ɖetugbi geɖewo yi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la le Susa fiasã la me, eye wotsɔ wo de Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te. Wokplɔ Ester hã va fiasã la me, eye wotsɔ eya hã de nyɔnuwo dzi kpɔla, Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te." data/train/EST/EST_002_Verse_013.mp3,Hegai vaa nyɔnuwo ƒe nɔƒe la va biaa Ester ƒe agbe ta se. data/train/EST/EST_001_Verse_004.mp3,"Fia la bia wo be, “Le sea nu ɖe, nu ka wòle be woawɔ Fianyɔnu Vasti? Mewɔ ɖe gbe si Fia Ahasuerus ɖo ɖee to ŋutsu tatawo dzi la dzi o.”" data/train/EST/EST_001_Verse_005.mp3,"Fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo kpɔ ŋudzedze le Memukan ƒe aɖaŋuɖoɖo la ŋu, ale fia la wɔ ɖe Memukan ƒe susu la dzi." data/train/EST/EST_004_Verse_009.mp3,"Etsi tsitre ɖe fiasã la ƒe agbo nu, elabena womeɖe mɔ be ame aɖeke nanɔ akpanya me age ɖe fiasã la me o." data/train/EST/EST_001_Verse_008.mp3,"Fiaŋume siwo fia la ƒo nu kplii la woe nye, Karsena, Setar, Admata, Tarsis, Meres, Marsena kple Memukan. Ame adre siawoe nye Persia kple Media bubumewo, wonye ame siwo tena ɖe fia la ŋu kpokploe, eye wonye ame siwo si ɖoƒe kɔkɔtɔwo kekeake le le fiaɖuƒe la me." data/train/EST/EST_001_Verse_000.mp3,"Esi wowu ŋkekenyui gã sia ɖuɖu nu la, Fia la ɖo kplɔ̃ tɔxɛ na fiasã la me nɔlawo, amegãwo kple subɔlawo siaa, ŋkeke adre le xɔxɔnu si le abɔ la ŋgɔ le Susa mɔ gã la me." data/train/EST/EST_009_Verse_010.mp3,"Fianyɔnu Ester, Abihail ƒe vi hã ŋlɔ agbalẽ helɔ̃ ɖe agbalẽ si Mordekai ŋlɔ tso Purim ŋuti la dzi." data/train/EST/EST_009_Verse_002.mp3,Ale Yudatɔwo lɔ̃ heɖua ŋkeke la abe ale si wodze egɔmee ene ɖe nu si Mordekai ŋlɔ na wo la nu. data/train/EST/EST_008_Verse_011.mp3,"Fia la ɖe eƒe ŋkɔsigɛ si wògbugbɔ xɔ le Haman si la, eye wòtsɔe na Mordekai. Fianyɔnu Ester tsɔe ɖo Haman ƒe kesinɔnuwo katã nu." data/train/EST/EST_004_Verse_015.mp3,"“Yi nàƒo Yudatɔ siwo katã le Susa la nu ƒu, eye miatsi nu dɔ ɖe tanye, migaɖu nu alo miano nu o, ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Nye kple nye subɔlawo hã míawɔ nenema ke. Ekema, togbɔ be wode se sesẽ aɖe ɖe eŋu hã la, mayi aɖakpɔ fia la kpɔ. Ne meku la, maku faa!”" data/train/EST/EST_002_Verse_021.mp3,"Woto nya la me, tso kufia na ame eveawo, eye wode ka ve na wo. Woŋlɔ nyadzɔdzɔ sia ɖe Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya me." data/train/EST/EST_001_Verse_006.mp3,"Fia la ɖe gbe na wo be woakplɔ Fianyɔnu Vasti vɛ, wòaɖɔ eƒe fiakuku, ale be ameawo katã nakpɔ eƒe tugbedzedze. Nyateƒe, Fianyɔnu Vasti dze tugbe ŋutɔŋutɔ." data/train/EST/EST_001_Verse_019.mp3,Wona wain ameawo ɖe sikakplu siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ la me. Wain si fia la na amewo la sɔ gbɔ ŋutɔ. data/train/EST/EST_006_Verse_000.mp3,"Ale Haman tsɔ fiawu la do na Mordekai, ena wòdo fia la ŋutɔ ƒe sɔ, eye wòkplɔe to dua ƒe ablɔwo dzi, nɔ ɣli dom le eŋgɔ be, “Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu!”" data/train/EST/EST_007_Verse_007.mp3,"Fia la tsi tsitre enumake kple dziku le eƒe wain gbɔ, eye wòyi fiasã la ƒe abɔ me. Esi Haman kpɔ be fia la ɖo nugbe ɖe ye ŋu xoxo la, etsi kplɔ̃a ŋu be yeaɖe kuku na Fiasrɔ̃ Ester ɖe yeƒe agbe ta." data/train/EST/EST_002_Verse_016.mp3,"Le fiẽ me la, ayi ɖe fia la gbɔ, atrɔ gbɔ le ŋdi, ayi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la ƒe akpa bubu si le ŋutsu tata Saasgaz ƒe dzikpɔkpɔ te, ame si kpɔa fia la ƒe ahiãviwo dzi. Ɖetugbi la magatrɔ ayi ɖe fia la gbɔ o, negbe eƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòna woyɔe nɛ hafi." data/train/EST/EST_008_Verse_014.mp3,"Mordekai do fiawu ɣitɔ kple blɔtɔ kple awu ʋlaya si wowɔ kple aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ, eye wòɖɔ sikafiakuku gã la. Edzo le fia la gbɔ, eye wòyi ablɔwo dzi. Amewo nɔ ablɔawo dzi fũu, eye wonɔ dzidzɔɣli dom." data/train/EST/EST_009_Verse_031.mp3,"Yudatɔwo ƒo ƒu ɖe du vovovo siwo me wonɔ la me le nuto siwo katã nɔ Fia Ahasuerus ƒe dziɖuɖu te la me be woawɔ avu kple ame siwo katã nɔ woƒe gbegblẽ dim. Ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o, elabena ame siwo tso gbegbɔgblɔ bubuwo me la nɔ vɔvɔ̃m na wo." data/train/EST/EST_004_Verse_002.mp3,"Ale Hatak yi ɖagblɔ Ester ƒe nya la na Mordekai," data/train/EST/EST_009_Verse_020.mp3,"Mordekai ŋlɔ nu tso nya siawo katã ŋuti, eye wòɖo agbalẽ la ɖe Yudatɔwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la me." data/train/EST/EST_003_Verse_005.mp3,"Fia la gblɔ na Haman be, “Wò ga la nenɔ anyi ko, gake wɔ nu si dze ŋuwò, eye wònyo na wò kple ame siawo la.”" data/train/EST/EST_002_Verse_011.mp3,"Hafi wòaɖo ɖetugbi aɖe dzi woakplɔe ayi ɖe Fia Ahasuerus ŋkumee la, ele be wòato tugbedzetike ʋeʋĩwo sisi me ɣleti wuieve abe ale si woɖoe na nyɔnuwoe ene. Woasi mir nyui nɛ ɣleti ade, eye woasi ami ʋeʋĩ kple atike bubuwo hã nɛ ɣleti ade." data/train/EST/EST_006_Verse_003.mp3,"Aɖaŋudelawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame si le afi ma lae nye Haman.” Fia la ɖe gbe be, “Miyɔe ɖa.”" data/train/EST/EST_008_Verse_015.mp3,"Mordekai ŋlɔ agbalẽ la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wòtsɔ eƒe ŋkɔsigɛ ɖo ete hetsɔe de asi na fia la ƒe dɔla siwo doa sɔ siwo ɖea abla, vevietɔ sɔ siwo womla koŋ hena fia la ƒe ŋu dɔ wɔwɔ." data/train/EST/EST_003_Verse_012.mp3,"Tete Haman te ɖe Fia Ahasuerus ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Dukɔ tɔxɛ aɖe me tɔwo kaka ɖe wò fiaɖuƒe la ƒe nutowo katã me. Woƒe sewo to vovo tso dukɔ ɖe sia ɖe tɔ gbɔ. Gawu la, womewɔa fia la ƒe sewo dzi o, eya ta mede fia la dzi ne wòaɖe asi le wo ŋu be woanɔ agbe o." data/train/EST/EST_006_Verse_006.mp3,"Esime woganɔ ŋugble dem tso nya sia ŋu kplii la, fia la ƒe ame dɔdɔawo va kplɔ Haman yi Ester ƒe kplɔ̃ si wòɖo la ŋu." data/train/EST/EST_007_Verse_005.mp3,"Fia Ahasuerus bia Fiasrɔ̃ Ester be, “Ame kae? Afi ka ŋutsu si dɔ eɖokui be yeawɔ nu sia la le?”" data/train/EST/EST_001_Verse_022.mp3,"Woɖu ŋkekenyui sia ŋkeke alafa ɖeka kple blaenyi (180) sɔŋ, eye wòɖe dziɖuɖu ƒe kesinɔnuwo kple bubu fia." data/train/EST/EST_005_Verse_001.mp3,"Esi wòkpɔ Fianyɔnu Ester wòtsi tsitre ɖe afi ma la, edo dzaa nɛ, eye wòtsɔ sikafiatikplɔ si wolé ɖe asi la do ɖee. Ale Ester te ɖe eŋu, eye wòlé fiatikplɔ la tame." data/train/EST/EST_004_Verse_012.mp3,"Mordekai tsɔ agbalẽ si me fia la ƒe se si wòde le Susa be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã le la na Hatak, eye wòbia tso esi be wòatsɔe afia Ester. Egblɔ na Hatak be wòagblɔ nya si dzɔ la na Ester, eye wòabia tso esi be wòayi fia la gbɔ, aɖe kuku nɛ be wòakpɔ nublanui na eƒe amewo." data/train/EST/EST_002_Verse_017.mp3,"Mordekai se woƒe ɖoɖo la, eye wòfi tofi na Fianyɔnu Ester tso eŋu. Ester hã ka nya la ta na fia la, eye wòna fia la nya be Mordekai ye fi tofi la na ye." data/train/EST/EST_008_Verse_009.mp3,"Fia la galé sikafiatikplɔ la do ɖe Ester gbɔ, ale Ester tsi tsitre ɖe fia la ŋkume." data/train/EST/EST_008_Verse_002.mp3,"Egblɔ be, “Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye hebui be enye nu nyui yeawɔ, eye ne nye nu nyo fia la ŋu la, na be woaŋlɔ agbalẽ bubu atsɔ ate fli ɖe ɖoɖo si Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ la wɔ heŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe amewo le fiaɖuƒe la katã me be woatsrɔ̃ Yudatɔwo la me," data/train/EST/EST_003_Verse_000.mp3,"Azɔ gbe sia gbe woƒonɛ ɖe enu, gake egbe be yemawɔe o. Ale wogblɔ nya la na Haman ne woakpɔe ɖa be, Mordekai ƒe wɔnawo ado dzidzɔ nɛ hã, elabena Mordekai na wonya be Yudatɔe yenye." data/train/EST/EST_008_Verse_000.mp3,Ale fia la ƒe dɔtsɔlawo do fia la ƒe sɔ ɖeablawo kple du le fia la ƒe gbeɖeɖe nu. Woɖe gbeƒã sea le Susa mɔ gã la hã me. data/train/EST/EST_002_Verse_022.mp3,"Yudatɔ aɖe nɔ Susa fiasã la me, eŋkɔe nye Mordekai. Fofoae nye Yair, ame si fofoe nye Simei, ame si nye Kis, Benyamintɔ la ƒe vi." data/train/EST/EST_002_Verse_006.mp3,"eye le esia megbe la, ɖetugbi si adze ŋuwò wu la, azu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe.” Aɖaŋuɖoɖo la dze fia la ŋu, eya ta wòwɔ ɖe edzi." data/train/EST/EST_001_Verse_020.mp3,"Wotsi avɔ, ɣitɔ kple blɔtɔ siwo ŋu wosa aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ ƒe kawo ɖo la ɖe klosalosigɛ siwo wowɔ ɖe sɔti siwo wotu kple kpe xɔasiwo me la ŋu. Sikazikpuiwo kple klosalozikpuiwo nɔ gbadzaƒe si wowɔ kple kpe xɔasi yibɔtɔwo, dzĩtɔwo, ɣitɔwo kple aŋgbaɖiɖitɔwo." data/train/EST/EST_003_Verse_002.mp3,"Esi Haman kpɔ be Mordekai mele klalo be yeade ta agu na ye alo ade bubu ye ŋu o la, dzi kui vevie ŋutɔ." data/train/EST/EST_002_Verse_018.mp3,"Va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, Ester megblɔ na ame aɖeke kpɔ be Yudatɔe yenye o, elabena egalé Mordekai ƒe sewo me ɖe asi abe ale si wòwɔ le Mordekai ƒe aƒe me ene." data/train/EST/EST_005_Verse_007.mp3,"Eƒo adegbe le eƒe gakpɔkpɔ vivivo, viŋutsuwo ƒe agbɔsɔsɔ, ale si fia la doe ɖe dzii kple ale si wòzu ame gãtɔ si kplɔ fia la ɖo le fiaɖuƒe la me la ŋu." data/train/EST/EST_009_Verse_027.mp3,"Woɖo be wòanye nu si woawɔ ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime, woaɖui le ƒome ɖe sia ɖe me, le kɔƒewo kple du gãwo siaa me le fiaɖuƒe la me, ale be ŋkuɖoɖo nya si dzɔ dzi la mabu le Yudatɔwo dome alo le woƒe dzidzimeviwo dome o." data/train/EST/EST_006_Verse_013.mp3,"Woke ɖe eŋu le agbalẽ la me be, Bigtan kple Teres, fia la ƒe nyɔnuwo dzi kpɔlawo kple agbonudzɔla eve wowɔ ɖoɖo ɖe Fia Zerzes wuwu ŋuti, eye Mordekai na fia la nya." data/train/EST/EST_009_Verse_009.mp3,"Fia la lɔ̃, woɖe gbeƒã se si ɖe mɔ le nu sia ŋu la le Susa. Ale wotsi Haman ƒe viŋutsu ewoawo ƒe kukuawo ɖe kadeveti la ŋu." data/train/EST/EST_002_Verse_002.mp3,"Ale si wòawɔ hafi ayi ɖe fia la gbɔe nye esi: Nu sia nu si ɖetugbi la bia la, woatsɔe nɛ le nyɔnuwo ƒe nɔƒe la be wòatsɔ ayi ɖe fiasã la mee." data/train/EST/EST_009_Verse_011.mp3,"gake esi nugbeɖoɖo la dze go to Ester dzi na fia la, ena woŋlɔ agbalẽ, ɖe gbe be nu vɔ̃ɖi si Haman ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la, neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye be eya kple viawo la, woade ka ve na wo," data/train/EST/EST_004_Verse_016.mp3,"Yudatɔwo ta akpanya mlɔ afi ma, tsi nu dɔ, fa avi kple ɣli, eye dzi ɖe le wo ƒo le nutowo katã me le anyigba blibo la dzi le ɖoɖo si fia la wɔ la ta." data/train/EST/EST_005_Verse_009.mp3,"Fia la gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Miyi miagblɔ na Haman be wòaɖe abla ava, ale be miawɔ ɖe Ester ƒe didi dzi.” Ale fia la kple Haman woyi kplɔ̃ si Ester ɖo la ŋu." data/train/EST/EST_002_Verse_014.mp3,"Ke Ester megblɔ na ame aɖeke kpɔ be Yudatɔ yenye o, elabena Mordekai de se nɛ." data/train/EST/EST_004_Verse_014.mp3,Tete Mordekai gblɔ nu siwo katã dzɔ la nɛ kple ga home si ŋugbe Haman do be yeatsɔ ade fia la ƒe gadzraɖoƒe me hena Yudatɔwo wuwu. data/train/EST/EST_009_Verse_005.mp3,"Edo ŋusẽ wo be woaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuienelia kple wuiatɔ̃lia dzi." data/train/EST/EST_008_Verse_003.mp3,elabena nyemate ŋu atsɔ gbegblẽ si ava nye amewo dzi alo atsɔ nye ƒometɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃ o.” data/train/EST/EST_003_Verse_003.mp3,"Esia ta, dɔnunɔla siwo nɔ fia la ƒe agbo nu la bia Mordekai be, “Nu ka ta nèle fia la ƒe se dzi dam ɖo?”" data/train/EST/EST_006_Verse_012.mp3,"Le esia megbe la, Mordekai trɔ yi eƒe dɔwɔƒe, ke Haman ɖe abla yi aƒe me kple nuxaxa blibo." data/train/EST/EST_003_Verse_008.mp3,"Le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me le ɣleti gbãtɔ, Nisan me la, woda akɔ si woyɔna be, pur la le Haman ŋkume be woatia ɣleti aɖe kple eƒe ŋkeke aɖe. Wotia ɣleti wuievelia si nye Adar." data/train/EST/EST_001_Verse_007.mp3,Fianyɔnu Vasti hã ɖo kplɔ̃ gã aɖe na nyɔnu siwo nɔ Fia Ahasuerus ƒe fiasã la me ɣe ma ɣi tututu. data/train/EST/EST_002_Verse_012.mp3,"Hegai, fiasrɔ̃wo dzikpɔla la kpɔ ŋudzedze blibo le Ester ŋu, eye wòwɔ nu sia nu si ana wòakpɔ dzidzɔ la nɛ. Ena woɖaa nu tɔxɛwo nɛ, eye wosiaa tugbedzetikewo nɛ. Etsɔ nyɔnuvi adre nɛ tso fiasã la me be woanye eƒe subɔlawo. Hegai tsɔ teƒe nyuitɔ wu le nyɔnuwo ƒe nɔƒe la nɛ." data/train/EST/EST_004_Verse_010.mp3,"eye Mordekai ɖo eŋu ɖo ɖe Ester be, “Ɖe nèbu be ye ya yeanɔ dedie le afi ma, le fiasã la me, ne wowu Yudatɔwo katã?" data/train/EST/EST_003_Verse_006.mp3,"Fia la lɔ̃ ɖe susu sia dzi. Eɖe eƒe ŋkɔsigɛ le eƒe asibidɛ ŋu hetsɔ na Haman, Hamedata, Agagitɔ la ƒe vi, Yudatɔwo ƒe futɔ la, abe kpeɖoɖo nya sia dzi ƒe dzesi ene." data/train/EST/EST_009_Verse_024.mp3,"Wodi tomefafa kple dedinɔnɔ na wo, eye woɖo na wo kple woƒe dzidzimeviwo be woaɖu Purim ŋkekenyui la le eɖuɣi tututu abe ale si wowɔa se siwo ku ɖe nutsitsidɔ kple konyifaɣiwo ŋu la dzi ene. Mordekai kple Fianyɔnu Ester siaae de se sia." data/train/EST/EST_007_Verse_002.mp3,"elabena wotsɔ nye kple nye amewo dzra be woagbã mi, woawu mí, eye woatsrɔ̃ mi, gake ne woadzra mí míazu kluviwo kple kosiviwo ɖeɖe ko la, anye ne mazi ɖoɖoe, gake nunana si ŋugbe futɔ la do la, made nu gbogbo siwo fia la abu la nu o.”" data/train/EST/EST_001_Verse_002.mp3,"eya ta míele edom ɖa be, ne fia la lɔ̃ la, ekema nàde se tɔxɛ aɖe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo, se si womate ŋu atrɔ gbeɖegbeɖe o la, be Fianyɔnu Vasti magado ɖe Fia Ahasuerus ŋkume gbeɖegbeɖe o, eye nàtia fianyɔnu bubu si nyo wu Vasti." data/train/EST/EST_002_Verse_008.mp3,"Fia la lɔ̃ Ester wu ɖetugbiawo dometɔ ɖe sia ɖe. Ekpɔ dzidzɔ le eŋu ale gbegbe be wòɖɔ fiakuku la nɛ, eye wòna wòzu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe." data/train/EST/EST_005_Verse_006.mp3,"Eyi edzi be, “Ɛ̃, menye ema koe o; Fianyɔnu Ester kpe nye kple fia la ɖeɖe pɛ ko ɖe kplɔ̃ si wòɖo na mí la ŋu. Gawu la, egakpe mí na etsɔ hã!" data/train/EST/EST_003_Verse_013.mp3,"Wogblɔ kpe ɖe ɖoɖo sia ŋu be, “Miɖe gbeƒã se sia le miaƒe nuto ɖe sia ɖe me, eye miana ame sia ame nanya nu tso eŋu, ale be wòawɔ eƒe dɔdeasi le ŋkeke ɖoɖo la dzi.”" data/train/EST/EST_001_Verse_017.mp3,"Ne Persia kple Media nyɔnu ɖe sia ɖe se nu si Fianyɔnu Vasti wɔ ɖe fia la ŋu la, woade asi aglãdzedze me ɖe wo srɔ̃wo ŋu, eye wòagblɔ be Fia Ahasuerus ɖe gbe be woakplɔ Fianyɔnu Vasti va ye ŋkume, gake egbe vava." data/train/EST/EST_003_Verse_001.mp3,"Azɔ la, ame sia ame si le fiasã la ƒe agbo nu la bɔbɔna, dea ta agu na Haman ne eva yina, le Fia Ahasuerus ƒe sedede nu. Mordekai ya gbe, mebɔbɔna dea ta agu na Haman o." data/train/EST/EST_006_Verse_009.mp3,"Fia la bia eƒe aɖaŋudelawo be, “Nu ka tututue míena Mordekai le nyanyanana sia ta?” Eƒe aɖaŋudelawo ɖo eŋu be, “Womena nanekee o!”" data/train/EST/EST_005_Verse_004.mp3,"Ester ɖo eŋu be, “Esiae nye nye biabia kple kukuɖeɖe." data/train/EST/EST_001_Verse_021.mp3,"Woɖo agbalẽwo ɖe nuto ɖe sia ɖe me le fiaɖuƒe la me le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me, eye wote gbe ɖe edzi le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me be ŋutsu ɖe sia ɖe naɖu eƒe aƒe dzi, eye wòana ame sia ame nade bubu eŋu abe aƒea ƒe tatɔ ene." data/train/EST/EST_006_Verse_004.mp3,"Egblɔ nu siwo katã va dzɔ ɖe edzi la na srɔ̃a, Zeres kple exɔlɔ̃wo. Eƒe aɖaŋuɖolawo kple srɔ̃a wogblɔ nɛ be, “Zi ale si Mordekai, ame si dzi wò anyidzedze dze egɔme tsoe nye Yudatɔ la, màte ŋu anɔ te ɖe enu o; vavã àtsrɔ̃ godoo!”" data/train/EST/EST_010_Verse_003.mp3,Woŋlɔ Fia Ahasuerus ƒe nu gã siwo wòwɔ kple Mordekai ƒe gãnyenye kple bubu siwo fia la de eŋu la ɖe Media fiawo kple Persia fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. data/train/EST/EST_005_Verse_010.mp3,"Ke esiawo katã maɖi ƒo nam o, zi ale si Mordekai, Yudatɔ ma nɔ anyi ɖe fia la ƒe agbo nu mele kpɔkpɔm.”" data/train/EST/EST_001_Verse_013.mp3,"Le fia la ƒe sedede nu la, ame sia ame ano wain agbɔsɔsɔ si eya ŋutɔ di be yeano la. Fia la ɖo na eƒe ahakulawo be woaɖe asi le ame sia ame ŋu wòawɔ nu si dze eŋu." data/train/EST/EST_009_Verse_029.mp3,"Yudatɔ siwo nɔ Susa la ƒo ƒu le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuienea gbe, eye wogawu ame alafa etɔ̃ (300). Ke womeha ame kukuawo ƒe nuwo o." data/train/EST/EST_002_Verse_020.mp3,"Wolée esime Nebukadnezar gbã Yerusalem, eye wòɖe aboyoe kpe ɖe Yuda fia Yehoyatsin kple ame bubu geɖewo ŋu va Babilonia." data/train/EST/EST_004_Verse_004.mp3,"Azɔ Ester ɖo Hatak, ŋutsu tata si wotia be wòasubɔe la ɖa be wòayi Mordekai gbɔ, abia nu si le fu ɖem nɛ kple nu si tae." data/train/EST/EST_005_Verse_005.mp3,"Ester ɖo eŋu be, “Ne edze ŋuwò la, medi be wò kple Haman miava kplɔ̃ si meɖo na wò egbe la ŋu.”" data/train/EST/EST_008_Verse_016.mp3,"Wona be woawɔ fia la ƒe gbedeasi wòazu se le nuto ɖe sia ɖe me, eye woakakae na gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe ale be Yudatɔwo anɔ klalo le ŋkeke ma dzi ne woabia hlɔ̃ woƒe futɔwo." data/train/EST/EST_002_Verse_009.mp3,"Fia la netɔ asi ame siwo anɔ dɔ sia nu le nuto ɖe sia ɖe me la dzi be woakplɔ ɖetugbi dzetugbe siawo ava nyɔnuwo ƒe nɔƒe le Susa fiasã la me. Na woanɔ Hegai, ame si nye fia la ƒe ŋutsu tata la ƒe dzikpɔkpɔ te, elabena eyae kpɔa nyɔnuwo dzi, eye wòanɔ atike ʋeʋĩ siwo nana nyɔnu dzea tugbe la sim na wo," data/train/EST/EST_002_Verse_019.mp3,"Vinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Mordekai tɔɖia si. Eŋkɔe nye Hadasa, gake wogayɔnɛ be Ester. Fofoa kple dadaa ku, eya ta Mordekai xɔe, eye wònyii abe eya ŋutɔ ƒe vinyɔnu ene." data/train/EST/EST_004_Verse_001.mp3,"Ale Hatak trɔ yi Ester gbɔ, eye wògblɔ nya si Mordekai be wòagblɔ nɛ la nɛ." data/train/EST/EST_001_Verse_009.mp3,"Hafi zã nado la, mí, wò aɖaŋuɖolawo katã srɔ̃wo ase nu si fiasrɔ̃ la wɔ, eye woade asi nuƒoƒo me na mí bubumewo, wo srɔ̃wo hã nenema tututu, ekema vlodoame kple dɔmedzoe koe anɔ wò fiaɖuƒe blibo la me. Nuwuwu manɔ anyi na amemabumabu kple tɔtɔ sia o," data/train/EST/EST_001_Verse_011.mp3,"Ke esi dɔlawo gblɔ nɛ be fia la be wòava la, egbe meyi o. Fia la do dɔmedzoe ŋutɔ." data/train/EST/EST_009_Verse_006.mp3,"Esia tae Yudatɔ siwo le kɔƒewo me la, ɖoa ŋku Ada alo ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke wuienelia dzi heɖunɛ le dzidzɔkpɔkpɔ kple nuɖuɖu kple nunono me. Wonaa nunana wo nɔewo hã le ŋkeke ma dzi." data/train/EST/EST_004_Verse_011.mp3,"“Fia la ƒe dɔnunɔlawo katã kple ame siwo katã le nutowo me la nya be ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe yi ɖe fia la gbɔ le xɔ titinatɔ me, evɔ fia la meyɔe o la, se ɖeka si le nu sia ŋuti koe nye be woawu amea. Negbe ɖeko fia la tsɔ eƒe sikatikplɔ ɖo ɖee hafi wòaɖe eƒe agbe. Ke ŋkeke blaetɔ̃e nye esi fia la meɖo du ɖem o.”" data/train/EST/EST_006_Verse_008.mp3,"Fia la bia be, “Ame kae le xɔxɔnu afi ma?” Eva eme be Haman va ɖo afi ma teti be yeabia fia la be wòaɖe mɔ na ye yeade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti si tum yenɔ la ŋu." data/train/EST/EST_009_Verse_012.mp3,"Gbe ma gbe fiẽ la, wogblɔ ame siwo wowu le Susa mɔ gã la me ƒe xexlẽme na Fia Ahasuerus." data/train/EST/EST_007_Verse_006.mp3,"Fia la gabia Ester esi wonɔ wain nom la be, “Nu kae nèdi be yeabia, Fianyɔnu Ester? Nu ka nèdi? Nu sia nu si wòanye la, matsɔe na wò, ne anye nye fiaɖuƒe la ƒe afãe gɔ̃ hã la, mana wò!”" data/train/EST/EST_005_Verse_002.mp3,"Esi wonɔ wain nom la, fia la gblɔ na Ester be, “Gblɔ nu si tututu nèhiã la nam azɔ, eye matsɔe na wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!”" data/train/EST/EST_002_Verse_000.mp3,"Ale eŋumewo gblɔ nɛ be, “Na míayi aɖadi ɖetugbi dzetugbetɔwo le fiaɖuƒe blibo la me akplɔ vɛ na wò." data/train/EST/EST_001_Verse_010.mp3,"Ke asi wònye woƒe kɔnu be fia la naxɔ aɖaŋu le se kple afiatsotso ƒe nyawo me le ame siwo nya se nyuie gbɔ la, eƒo nu kple nunyala siwo se ɣeyiɣiawo gɔme nyuie." data/train/EST/EST_009_Verse_003.mp3,"ame siwo nye Hamedata ƒe viwo, Haman, Yudatɔwo ƒe futɔ la ƒe viŋutsu ewoawo, gake womeha woƒe afunyinu aɖeke o." data/train/EST/EST_006_Verse_002.mp3,"Ale wòɖo eŋu na fia la be, “Hena ame si ƒe nu do dzidzɔ na fia la, eye wòdi be yeade bubu eŋu la," data/train/EST/EST_009_Verse_000.mp3,"Ale Ester gblɔ be, “Ne edze ŋuwò la, ekema nàɖe mɔ be Yudatɔ siwo le Susa le afii la, nagawɔ nu si wowɔ egbe la etsɔ hã, eye nàna woatsi Haman ƒe viŋutsuwo ƒe kukuawo ɖe kadeveti la ŋu.”" data/train/EST/EST_009_Verse_030.mp3,"Yudatɔwo ƒo woƒe futɔwo katã ƒu anyi, eye wowu wo kple yi hetsrɔ̃ wo. Ale wowɔ nu si dze wo ŋu la na woƒe futɔwo." data/train/EST/EST_003_Verse_014.mp3,"Wotsɔ agbalẽa na dɔtsɔlawo be woatsɔ ayi nuto ɖe sia ɖe me le fiaɖuƒe blibo la me, ale be woaɖe gbe be woawu Yudatɔwo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyɔnuwo kple vidzĩwo siaa le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye woaha woƒe nuwo abe afunyinuwo ene." data/train/EST/EST_001_Verse_012.mp3,"Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, eɖo kplɔ̃ gã aɖe ɖe Susa fiasã la me. Ekpe bubumewo, fiaŋumewo kple aʋakplɔlawo kple ame ŋkutawo tso Media kple Persia ƒe nutowo katã me." data/train/EST/EST_001_Verse_018.mp3,"Ne wode se sia le wò fiaɖuƒe gã la me la, nyɔnuwo ade bubu wo srɔ̃ŋutsuwo ŋu tso tsitsiawo dzi va se ɖe ɖeviawo dzi.”" data/train/EST/EST_008_Verse_017.mp3,"Ŋkeke si woɖo hena Yudatɔwo ƒe nu sia wɔwɔ le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe blibo la mee nye ɣleti wuievelia, Ada, ƒe ŋkeke wuietɔ̃a gbe." data/train/EST/EST_003_Verse_011.mp3,"Ne edze fia ŋu la, ekema nàɖe gbe be woatsrɔ̃ wo katã. Mada klosalo tɔn alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345) atsɔ ade fia la ƒe gakotoku me ne woatsɔ axe fee na ŋutsu gadzraɖoƒe la dzikpɔla be woatsɔ axe fe na ame siwo awɔ dɔ sia.”" data/train/EST/EST_004_Verse_007.mp3,"Ester gblɔ na Hatak be wòayi aɖagblɔ na Mordekai be," data/train/EST/EST_006_Verse_010.mp3,"Fia la gblɔ na Haman be, “Enyo ŋutɔ! Ɖe abla nàtsɔ fiawu la kple nye sɔ la, eye nàwɔ nu si nègblɔ la tututu na Mordekai, Yudatɔ, ame si nɔa agboa nu. Wɔ nu sia abe ale si nègblɔe ene la pɛpɛpɛ!”" data/train/EST/EST_005_Verse_013.mp3,"Nenye be fia la nyo dɔ me nam, eye nenye be edze fia la ŋu be wòawɔ ɖe nye didi kple biabia dzi la, ekema fia la kple Haman negava ɖu nu le kplɔ̃ si maɖo na wò etsɔ la ŋu. Ekema maɖo fia la ƒe biabia ŋu nɛ.”" data/train/EST/EST_006_Verse_011.mp3,"fia la nana woatsɔ fiawu ado nɛ, wòana wòado fia la ƒe sɔ, woaɖɔ fia la ƒe fiakuku nɛ." data/train/EST/EST_002_Verse_005.mp3,"Esi wòɖo Ester, Mordekai tɔɖia Abihail ƒe vi, ame si Mordekai xɔ abe eya ŋutɔ ƒe vi ene dzi be wòadɔ fia la gbɔ la, mebia naneke o; ewɔ ɖe Hegai, ame si nye nyɔnuwo dzi kpɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wòdo awu abe ale si Hegai ɖo nɛ ene. Ɖetugbi bubuawo do dzidzɔɣli esi wokpɔe." data/train/EST/EST_003_Verse_015.mp3,"Woɖo agbalẽwo ɖa to fia la ƒe dɔtsɔla zazɛ̃tɔwo dzi le gbeƒãɖeɖe le Susa du la me megbe. Fia Ahasuerus kple Haman wonɔ anyi nɔ aha nom esime vɔvɔ̃ lé amewo, eye ʋunyaʋunya dzɔ le du blibo la me." data/train/EST/EST_004_Verse_005.mp3,"Esi Ester ƒe nyɔnudɔlawo kple ŋutsu tata siwo le edzi kpɔm la va gblɔ nu si Mordekai nɔ wɔwɔm nɛ la, exa nu, eye wòɖo awuwo ɖee be wòatsɔ aɖɔli akpanya si wòta la, gake melɔ̃ o." data/train/EST/EST_004_Verse_000.mp3,"Ale Hatak do go yi ablɔ dzi, eye wòkpɔ Mordekai le fiasã la ƒe agboa godo." data/train/EST/EST_009_Verse_028.mp3,"Yudatɔ siwo katã nɔ fiaɖuƒe la me la lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze kɔnu sia wɔwɔ gɔme, eye yewoatsɔe ade asi na yewoƒe dzidzimeviwo kple ame siwo katã azu Yudatɔwo. Woɖo be yewomagbe ŋkekenyui sia ɖuɖu le ŋkeke eve siawo dzi le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi ƒe sia ƒe o." data/train/EST/EST_001_Verse_016.mp3,"Memukan ƒo nu ɖe bubumeawo nu gblɔ be, “Fianyɔnu Vasti da vo, menye ɖe fia la ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe fiaŋume ɖe sia ɖe kple ame sia ame si le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒea me la ŋu." data/train/EST/EST_009_Verse_004.mp3,"Bubume siwo katã nɔ nutoawo me, dumegãwo, mɔmefiawo kple fia la ƒe dɔnunɔlawo kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, elabena Mordekai ƒe ŋɔdzi lé wo katã." data/train/EST/EST_004_Verse_013.mp3,"Ne èzi ɖoɖoe le ɣeyiɣi sia tɔgbi me la, Mawu ato mɔ bubu aɖe dzi aɖe Yudatɔwo, ke wò kple fofowò ƒe aƒemetɔwo miatsrɔ̃. Gawu la, ame kae nya be Mawu ŋutɔe da wò ɖe teƒe sia le fiasã la me le ɣeyiɣi sia tɔgbi me?”" data/train/EST/EST_009_Verse_015.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, wogaŋlɔ agbalẽ na Yudatɔwo katã, eye woɖoe ɖe nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adreawo (127) katã me le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la me, hedi nyui kple ŋutifafa na ame sia ame." data/train/EST/EST_004_Verse_008.mp3,Ester ɖo ame ɖa be woagblɔ na Mordekai be: data/train/EST/EST_009_Verse_007.mp3,"eya ta wona ŋkɔ ŋkekenyui sia be Purim, elabena woyɔa nukaka le Persiagbe me be pur. Le nu sia nu si woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple nu si wokpɔ kple nu si va dzɔ ɖe wo dzi ta la," data/train/EST/EST_010_Verse_002.mp3,"Mordekai, Yudatɔ la nye amegã si kplɔ Fia Ahasuerus ɖo. Exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome. Wo katã wobunɛ, elabena ewɔ nu si wòate ŋui la na Yudatɔwo ƒe nyonyo kple woƒe dzidzimeviwo ƒe dedinɔnɔ." data/train/EST/EST_008_Verse_008.mp3,"Fia Ahasuerus ɖo eŋu na Fiasrɔ̃ Ester kple Mordekai, Yudatɔ la be, “Esi Haman tso ɖe Yudatɔwo ŋuti ta la, mexɔ eƒe nunɔamesiwo katã tsɔ na Ester, eye mena wode ka ve na eya ŋutɔ." data/train/JOL/JOL_001_Verse_000.mp3,"Agblewo ɖi gbɔlo, anyigba ƒu kplakplakpla, bliwo dome gblẽ, wain yeye megali o, eye ami hã nu tso." data/train/JOL/JOL_002_Verse_024.mp3,Wo katã lũ ɖe du la dzi; woflɔ gli la zɔ etame hege ɖe aƒewo kple xɔwo me abe ale si fiafitɔ toa fesre nue ene. data/train/JOL/JOL_002_Verse_016.mp3,"Miaɖu nu aɖi ƒo abe tsã ene eye miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la. Miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, ame si wɔ nukunu siawo katã na mi. Ŋu magakpe nye dukɔ azɔ o." data/train/JOL/JOL_002_Verse_026.mp3,"Wole kpo tim le towo tame, woƒe afɔziwo le ɖiɖim abe tasiaɖamwo tɔ ene eye abe dzoe le gbe ƒuƒu bim ene. Wole du ƒum abe asrafo kalẽtɔwoe le du dzi yina ɖe aʋa ene." data/train/JOL/JOL_002_Verse_010.mp3,"Lu ayɔ lugbɔƒe fũu, eye wain kple ami asɔ gbɔ ɖe nudzraɖoƒewo." data/train/JOL/JOL_001_Verse_004.mp3,"Gbemelãwo gɔ̃ hã le ɣli dom be nàxɔ na yewo, elabena tsi mie le tɔʋuwo me, dzo bi gbe siwo le lãnyiƒewo keŋ." data/train/JOL/JOL_002_Verse_009.mp3,"“Le nu siawo megbe la, matrɔ nye Gbɔgbɔ akɔ ɖe amewo katã dzi! Mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo agblɔ nya ɖi, miaƒe ame tsitsiwo aku drɔ̃ewo eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo." data/train/JOL/JOL_002_Verse_014.mp3,"Mi gbemelãwo katã, migavɔ̃ o, elabena lãnyiƒewo agada ama abe tsã ene. Atiwo agatse ku eye gbotiwo kple wainkawo agatse kplanyaa abe tsã ene." data/train/JOL/JOL_001_Verse_013.mp3,"Nyiwo le ŋeŋem, nyihawo le nu kpɔm nublanuitɔe, elabena nuɖuɖu meli na wo o, eye alẽhawo le fu kpem." data/train/JOL/JOL_001_Verse_020.mp3,Ɖe nuɖuɖuwo mevɔ le mia ŋkume eye dzidzɔ kple aseyetsotso le miaƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me mawu enu oa? data/train/JOL/JOL_001_Verse_008.mp3,"Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe eye miyɔ takpekpe tɔxɛ. Miyɔ ame tsitsiwo kple anyigbadzinɔlawo katã yi ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me eye miafa avi le afi ma na Yehowa." data/train/JOL/JOL_002_Verse_018.mp3,"Miku kpẽ le Zion! Miku aʋadzedze ƒe kpẽ la be woasee le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya kple vɔvɔ̃, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe vɔ." data/train/JOL/JOL_003_Verse_006.mp3,"“Le ɣe ma ɣi me la, wain yeye anɔ tsyɔtsyɔm tso towo ŋuti eye nyinotsi anɔ sisim bababa tso togbɛwo tame. Tsi ayɔ Yɔdan tɔʋuwo me banaa, eye tsi asi tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ade tsi Sitim ƒe Balime." data/train/JOL/JOL_002_Verse_000.mp3,"Ame kae nya be ɖewohĩ atrɔ ave mía nu eye wòagblẽ yayra ɖi na mí? Ekema míagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa vɛ na Yehowa, mia Mawu la." data/train/JOL/JOL_001_Verse_009.mp3,"Miɖo to afii, mi Israel ƒe ame tsitsiwo! Mi anyigbadzitɔwo, mise nya sia ɖa. Le miaƒe agbemeŋkekewo katã me ɖe, miese nya sia tɔgbi kpɔa?" data/train/JOL/JOL_002_Verse_001.mp3,"Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, akpɔ ɖeɖe eye xɔname anɔ Zion towo dzi kple Yerusalem kple ame siwo Aƒetɔ yɔ la dome abe ale si Aƒetɔ la do ŋugbee la ene." data/train/JOL/JOL_002_Verse_021.mp3,"Nunɔla siwo subɔna le Yehowa ŋkume la netsi tsitre ɖe ameawo kple vɔsamlekpui la dome, afa avi ado gbe ɖa be, “Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ; mègana wò domenyinu nazu fewuɖunu kple ŋukpenanu le dukɔwo dome o. Nu ka ta dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be, ‘Afi ka woƒe Mawu la le?’ ”" data/train/JOL/JOL_002_Verse_023.mp3,"O, mi Ziontɔwo, dzi nedzɔ mi le Yehowa, miaƒe Mawu la me! Elabena tsidzadza si wòɖo ɖa la nye eƒe tsɔtsɔke ƒe dzesi. Adame kple kelemetsiwo adza ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ." data/train/JOL/JOL_003_Verse_001.mp3,"Azɔ nukuxahɛ newɔ eƒe dɔ elabena nukuawo tsi vɔ hele lalam na nuŋeɣi. Miva, mifanya waintsetseawo, elabena wainfiaƒe la yɔ, eye waindzraɖoƒe la yɔ gbagba, elabena woƒe nu tovowo wɔwɔ sɔ gbɔ.”" data/train/JOL/JOL_003_Verse_011.mp3,Miedzra Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo na Trɔ̃subɔlawo eye wokplɔ wo dzoe le woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi yi didiƒe ke. data/train/JOL/JOL_002_Verse_027.mp3,Wozɔ yi ŋgɔ kple kalẽ abe aʋawɔlawo ene eye woflɔ gliawo abe asrafowo ene. Wo katã yi ŋgɔgbe eye ɖeke meto miame alo ɖusime o. data/train/JOL/JOL_001_Verse_005.mp3,Mifa konyi abe ale si ɖetugbi si ƒe ŋugbetɔsrɔ̃ ku la wɔnɛ ene. data/train/JOL/JOL_001_Verse_010.mp3,"Nu siwo ʋetsuviwo ƒe ha gã agblẽ ɖi la, ʋetsuviwo aɖui, nu siwo ʋetsuviwo agblẽ ɖi la, ʋetrawo aɖui, eye nu siwo ʋetrawo agblẽ ɖi la, abɔwo aɖui." data/train/JOL/JOL_001_Verse_002.mp3,"Dukɔ gã aɖe va xɔ anyigba la katã dzi. Ŋɔdzi le wo ŋu ŋutɔ eye ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o, evɔ woƒe aɖuwo hã le ɖaɖam abe dzatatsu ƒe aɖuwo kple dzatanɔ ƒe tsyowo ene!" data/train/JOL/JOL_002_Verse_032.mp3,"Ɣe ado viviti eye ɣleti atrɔ zu ʋu hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke gã, dziŋɔ la nava ɖo." data/train/JOL/JOL_002_Verse_013.mp3,"“Maɖe asrafo siwo tso dzigbeme la ɖa le mia gbɔ, matrɔ wo aɖo ɖe kuɖiɖinyigba kple gbegbe. Matsɔ ŋgɔgbenɔlawo ade ɣedzeƒeƒu la me eye matsɔ megbenɔlawo ade ɣetoɖoƒeƒu la me. Ale woƒe ʋeʋẽ kũu la axɔ anyigba la dzi.” Vavã, Yehowa wɔ nukunu triakɔ aɖe." data/train/JOL/JOL_001_Verse_001.mp3,"Azɔ mi agbledelawo, dzika netso mia ƒo, eye mialulũ, mi waingbledelawo, mifa avi sesĩe. Mifa avi ɖe lu kple ƒo hã ta elabena nuŋeŋe nu tso le agble me." data/train/JOL/JOL_002_Verse_025.mp3,Wodzena abe sɔwo ene eye woƒua du abe sɔdolawo ene. data/train/JOL/JOL_003_Verse_010.mp3,"Mi dukɔ siwo kaka ɖe afi sia afi, miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miava. “O Yehowa, dɔ wò aʋakɔwo be woaɖiɖi ava anyi!" data/train/JOL/JOL_003_Verse_002.mp3,"Egipte azu aƒedo eye Edom azu gbegbe elabena wowɔ vɔ̃ ɖe Yudatɔwo ŋuti, eye wokɔ ʋu maɖifɔwo ɖi le du mawo me." data/train/JOL/JOL_001_Verse_006.mp3,"Minyɔ, mi ahanomunɔwo, ne miafa avi hehehe, mi waintsunolawo, mifa avi, elabena woɖe wain le miaƒe nu me, eye miagakpɔ wain yeye ano o!" data/train/JOL/JOL_002_Verse_028.mp3,"Yehowa aɖo eŋu be, “Kpɔ ɖa, mele bli, wain yeye kple ami ɖom ɖe mi be miaɖi ƒo. Nyemagawɔ mi mianye fewuɖunu na dukɔwo azɔ o." data/train/JOL/JOL_003_Verse_013.mp3,"Mitsɔ miaƒe agblenuwo tu aʋawɔyiwoe eye mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe. Ame gblɔewo negblɔ be, ‘Miawoe nye ŋusẽtɔwo.’" data/train/JOL/JOL_002_Verse_022.mp3,"Nye dukɔ, mègavɔ̃ o; kpɔ dzidzɔ eye nàtso aseye azɔ elabena Yehowa wɔ nukunu gãwo na wò." data/train/JOL/JOL_002_Verse_020.mp3,"Miƒo ameawo nu ƒu; mikɔ ameha la ŋuti, ame tsitsiwo, ɖeviwo kple vi nonowo siaa. Ŋugbetɔsrɔ̃ nedo tso eƒe xɔ me eye ŋugbetɔ nedo go tso xɔ gã me." data/train/JOL/JOL_001_Verse_014.mp3,"O mi nunɔlawo, mita akpanya eye mixa nu. Mifa avi, mi ame siwo subɔna le vɔsamlekpui la ŋgɔ, mitsi ŋu dɔ miafa avi zã blibo la katã, mi ame siwo subɔna le nye Mawu ŋkume. Elabena womagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa va miaƒe Mawu la ƒe aƒe me o." data/train/JOL/JOL_003_Verse_014.mp3,"“Miƒo dukɔwo nu ƒu; mikplɔ wo va Yehosafat ƒe Balimee, afi ma manɔ adrɔ̃ ʋɔnu wo katã." data/train/JOL/JOL_001_Verse_018.mp3,"Yehowa, xɔ na mí! Elabena dzo bi gbe damawo, eye dzo ƒe aɖe fia atiwo katã le gbedzi." data/train/JOL/JOL_003_Verse_019.mp3,Yehowa aɖe gbe tso Zion eye eƒe gbe aɖi tso Yerusalem eye dziƒo kple anyigba ade asi ʋuʋu me. Ke Yehowa anye sitsoƒe na eƒe amewo kple mɔ sesẽ na eƒe dukɔ Israel. data/train/JOL/JOL_002_Verse_031.mp3,Ɖeke mebe ɖe nɔvia xa o. Ame sia ame le enɔƒe pɛpɛpɛ Aʋawɔnu aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe wo ŋu o. data/train/JOL/JOL_001_Verse_015.mp3,O ŋkeke ma! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ. data/train/JOL/JOL_002_Verse_019.mp3,Miku kpẽ le Zion! Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe eye miyɔ takpekpe tɔxɛ. data/train/JOL/JOL_002_Verse_017.mp3,"Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o. Mitrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋu, elabena amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ bɔ ɖe esi. Medoa dziku kabakaba o, eƒe dɔ me nyo, eye metsia dzi be yeahe to na ame o." data/train/JOL/JOL_003_Verse_003.mp3,Gake magakplɔ wo agbɔe tso teƒe siwo katã wokplɔ wo yii eye maɖo nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la teƒe na mi. data/train/JOL/JOL_002_Verse_003.mp3,Anyigba ʋuʋu kpekpekpe eye dziƒo dzo nyanyanya le wo ŋgɔ. Ɣe kple ɣleti do viviti eye ɣletiviwo megaklẽ o. data/train/JOL/JOL_001_Verse_017.mp3,"Wogblẽ nye waingble dome. Wogblẽ nye gbotiwo, wokuko tsro le atilɔwo ŋuti ƒiaƒiaƒia eye wofu ɣie." data/train/JOL/JOL_003_Verse_008.mp3,Matsɔ mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo adzra na Yudatɔwo eye woawo hã adzra wo na Sabeatɔwo le didiƒe ke. Yehowae gblɔe. data/train/JOL/JOL_002_Verse_004.mp3,Dukɔwo kpɔe hedzo nyanyanya eye woƒe mowo fu tititi le vɔvɔ̃ ta. data/train/JOL/JOL_003_Verse_009.mp3,"maƒo dukɔwo nu ƒu ɖe Yehosafat ƒe Balime eye madrɔ̃ ʋɔnu wo le afi ma le nye amewo kple nye domenyinu Israel ta, elabena wokaka nye domenyinu la ɖe dukɔwo dome eye woma nye anyigba." data/train/JOL/JOL_002_Verse_029.mp3,"Yehowa ŋutɔ le eƒe aʋakɔ la ŋgɔ le gbe ɖem. Esiae nye eƒe aʋakɔ gã la eye ame siwo le eƒe gbeɖeɖe dzi wɔm la nye ame sesẽwo. Yehowa ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ anɔ eŋu. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?" data/train/JOL/JOL_003_Verse_000.mp3,Ame akpe akpewo le Nyametsotso ƒe Balime elabena Yehowa ƒe Ŋkeke la tu aƒe le Nyametsotso Balime la. data/train/JOL/JOL_003_Verse_017.mp3,"“Tiro kple Sidon kple Filistitɔwo ƒe duwo katã, ɖe miele didim be miabia hlɔ̃ mahã? Mikpɔ nyuie elabena nye asi atre tsɔtsɔ na mi eye nu si mieɖo la atrɔ adze miawo ŋutɔ ƒe ta dzi." data/train/JOL/JOL_002_Verse_011.mp3,"“Magaɖo ƒe siwo ʋetsuviwo, ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi. Woawoe nye nye aʋakɔ gã si medɔ ɖe mia ŋu." data/train/JOL/JOL_002_Verse_008.mp3,"eye mana dzesi wɔnukuwo nado ɖe dziƒo kple anyigba dzi, siwo anye ʋu, dzo kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ." data/train/JOL/JOL_001_Verse_011.mp3,"Nukuwo ƒaƒã ɖe woƒe gowo me, blivawo kple texɔwo tsi ƒuƒlu eye bli matsimatsiwo ku, heƒu ɖe bo dzi." data/train/JOL/JOL_002_Verse_002.mp3,"Anye viviti kple blukɔ ƒe ŋkeke, eye lilikpo kple viviti tsiɖitsiɖi ado. Abe ale si ŋdikekeli klẽna ɖe towo tame ene la, nenema ke aʋakɔ gã sẽŋu aɖe avae. Ame siawo la, womekpɔ wo tɔgbi kpɔ o, eye womagakpɔ wo tɔgbi kpɔ le xexea me ƒe dzidzimewo dome o!" data/train/JOL/JOL_003_Verse_021.mp3,Ɣe kple ɣleti ado viviti eye ɣletiviwo magaklẽ o. data/train/JOL/JOL_002_Verse_005.mp3,Dzo bibi le nu fiam le wo ŋgɔ eye dzo ƒe aɖewo le wo megbe. Anyigba la le ŋgɔ abe Edenbɔ ene gake ezua gbegbe le wo megbe. Naneke mate ŋu asi le enu o. data/train/AMO/AMO_001_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Amon ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena le woƒe aʋa si wowɔ le Gilead be yewoakeke yewoƒe liƒowo ɖe edzi me la, wotsɔ yi dze ƒodo na Gilead ƒe funɔwo." data/train/AMO/AMO_007_Verse_011.mp3,"Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam: Aƒetɔ Mawu yɔ dzo be wòadza, eye dzo la bi tɔsisi goglowo, eye wòfia anyigba la katã." data/train/AMO/AMO_005_Verse_004.mp3,"elabena Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel be, ‘Ne du aɖe ɖo ame akpe ɖeka ɖe aʋa la, ame alafa ɖeka koe agbɔ, eye du si ɖo ame alafa ɖeka ɖa la ame ewo koe agbɔ.’ ”" data/train/AMO/AMO_005_Verse_016.mp3,"Mielé fu ame siwo toa nyateƒe le ʋɔnu, eye miele fu nyateƒetola." data/train/AMO/AMO_003_Verse_012.mp3,"Yehowa be, “Nye dukɔ ŋlɔ nu nyui wɔwɔ be, woƒe aƒe nyuiwo me yɔ kple nu siwo wofi kple nu siwo woda adzoe.”" data/train/AMO/AMO_008_Verse_005.mp3,"Ebiam be, “Amos, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu nɛ be, “Kusi si yɔ kple atikutsetse ɖiɖiwo.” Yehowa gblɔ nam be, “Israel ƒe ɣeyiɣi de, eya ta nyemagahe woƒe tohehe ɖe megbe azɔ o.”" data/train/AMO/AMO_007_Verse_015.mp3,"Mègava ɖe fu na mí kple wò ŋutegakpɔkpɔ ƒe nyawo le Betel, míaƒe toxɔdu, afi si fiaɖuƒe la ƒe gbedoxɔ le o!”" data/train/AMO/AMO_008_Verse_003.mp3,"Aƒetɔ Yehowa be: “Ŋkeke li gbɔna esi dzi maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi, menye nuɖuɖu kple tsi ƒe dɔwuame o, ke boŋ Yehowa ƒe nyasese ƒe dɔwuame wòanye." data/train/AMO/AMO_005_Verse_012.mp3,"Midi ame si wɔ ɣletiviwo ƒe ha siwo woyɔna be atifieŋui, avu kple avutɔ, ame si trɔa viviti tsiɖitsiɖi wòzua kekeli, eye wòtrɔa ŋkeke wòzua zã. Eyae yɔa tsi tso atsiaƒu me be wòaho ayi dzi ahadza ɖe anyigba dzi. Aƒetɔ Yehowae nye eƒe ŋkɔ." data/train/AMO/AMO_005_Verse_009.mp3,"Le aɖabaƒoƒo ɖeka me la, enana gbegblẽ vaa ame sesẽ dzi, eye wògbãa eƒe gli sesẽwo." data/train/AMO/AMO_004_Verse_005.mp3,"“Mena dɔvɔ̃wo va dze mia dzi abe esiwo mehe va Egiptetɔwo dzi le blema ene. Mena mia viwo tsi aʋa, eye menya miaƒe sɔwo de gbe. Ame kukuwo na miaƒe asaɖa me le ʋeʋẽm kũu, gake miegbe, mietrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe." data/train/AMO/AMO_008_Verse_013.mp3,"Woatsa tso afii ayi afi mɛ, tso anyiehe ayi ɣedzeƒe, anɔ Yehowa ƒe nya dim be yewoase, gake womakpɔe o." data/train/AMO/AMO_005_Verse_011.mp3,"“Melé fu miaƒe ŋkekenyuiwo, eye metsri wo. Nyemaʋẽ miaƒe takpekpewo kple ŋkekenyuiwo ase o." data/train/AMO/AMO_007_Verse_001.mp3,"Ale megblɔ nɛ be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku mègawɔe o, elabena dukɔ sue aɖe ko wònye!” Aleke Yakob ate ŋu anɔ tee?" data/train/AMO/AMO_008_Verse_009.mp3,"Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiwo woazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔhawo azu avihawo. Mianɔ funyivɔ me, alũ ta kolikoli abe mia viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ si le mia si lae ku ene. Nyateƒe, ŋkeke ma ave le miaƒe nu me ŋutɔ.”" data/train/AMO/AMO_001_Verse_010.mp3,"Eya ta matɔ dzo Raba ƒe gli sesẽwo, eye wòabi eƒe mɔwo le aʋaɣli ƒe ɖiɖi me le aʋakpegbe kple yaƒoƒo sesẽ le ahomtugbe." data/train/AMO/AMO_005_Verse_018.mp3,"Mitsri nu vɔ̃ eye mialɔ̃ nyui. Mitrɔ miaƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo woazu afia nyui tsoƒewo. Ɖewohĩ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la, akpɔ nublanui na Yosef ƒe aƒe ƒe ame mamlɛawo." data/train/AMO/AMO_007_Verse_004.mp3,"Amazia ɖo ame dɔdɔwo ɖe Amos be, “Wò, nyagblɔɖila, do go le afi sia! Si nàyi ɖe Yudanyigba dzi, eye nàgblɔ nya ɖi le afi ma be nàkpɔ abolo aɖu." data/train/AMO/AMO_009_Verse_000.mp3,ale be woaxɔ Edom ƒe ame mamlɛawo kple dukɔ siwo katã ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo.” Nye Yehowa ame si awɔ esiawo katã lae gblɔe. data/train/AMO/AMO_005_Verse_003.mp3,"Baba na mi, ame siwo tsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti. Nu ka ta mietsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti ɖo? Ŋkeke ma anye viviti, manye kekeli o." data/train/AMO/AMO_008_Verse_012.mp3,"Misee ɖa, mi ame siwo baa ame dahewo, heɖoa afɔ hiãtɔwo dzi." data/train/AMO/AMO_007_Verse_014.mp3,"Ke esi Amazia, nunɔla si le Betel se nya siwo gblɔm Amos le la, eɖo du ɖe Israel fia Yeroboam kaba be, “Amos le nugbe ɖom ɖe ŋutiwò le Israel dukɔ la titina. Amewo mate ŋu atsɔ nya siwo katã gblɔm wòle la o." data/train/AMO/AMO_008_Verse_000.mp3,"Ame siwo ta legba si le Samaria, eye wogblɔ be, ‘O Dan, meta wò mawu ƒe agbe alo meta Beerseba ƒe mɔ la adze anyi, eye womagafɔ akpɔ gbeɖe o.’ ”" data/train/AMO/AMO_001_Verse_012.mp3,"Le esia ta matɔ dzo Tiro ƒe gliwo, eye eƒe mɔ sesẽwo abi azu afi.”" data/train/AMO/AMO_009_Verse_003.mp3,"Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, ame si ka asi anyigba ŋuti wòlolõ, eye edzinɔlawo katã fa konyi, ame si na anyigba kɔ dzi abe Nil ene, eye wòna wòdze eme abe Egipte tɔsisi ene." data/train/AMO/AMO_009_Verse_005.mp3,"“Ekema le ɣe ma ɣi me la, “Magbugbɔ David ƒe agbadɔ atu, maɖɔ eƒe fiasã gbagbãwo ɖo, magaɖo eƒe aƒedowo te, eye magbugbɔ atui abe ale si wònɔ tsã ene," data/train/AMO/AMO_009_Verse_011.mp3,"Nu vɔ̃ wɔla siwo le nye dukɔ me la atsi yi nu kpe ɖe ame siwo gblɔ be, ‘Vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mía dzi o,’ la ŋu.”" data/train/AMO/AMO_006_Verse_008.mp3,"Miemlɔa nyiɖubawo dzi, eye miedrana ɖe zikpui bɔbɔewo dzi heɖina ɖe eme; alẽvi kple nyivi damitɔwoe woɖana na mi." data/train/AMO/AMO_006_Verse_007.mp3,"Miekua wain ɖe tre gãwo me wòyɔna banaa mienona, eye miesia ami ʋeʋĩwo, gake Yosef ƒe aƒe la ƒe gbegblẽ ya meka mi o," data/train/AMO/AMO_007_Verse_010.mp3,"Esi ʋetsuviawo ɖu nukuawo keŋkeŋ vɔ la, medo ɣli be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku, tsɔe ke dzro. Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, elabena enye dukɔ sue aɖe ko?”" data/train/AMO/AMO_001_Verse_003.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Gaza ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe aboyo nye ameha gã aɖe, eye wòdzra wo kluviwoe na Edom." data/train/AMO/AMO_009_Verse_014.mp3,"Yehowa be, “O Israelviwo, ɖe miele nam abe Kustɔwo ene oa? Ɖe menye nyee kplɔ Israel tso Egiptenyigba dzi, Filistitɔwo tso Kaftor kple Siriatɔwo tso Kir oa?”" data/train/AMO/AMO_006_Verse_009.mp3,"Mieɖe susu ɖa le ŋkeke vɔ̃ la ŋuti, gake miaƒe nu tovowo wɔwɔ wɔe be Ʋɔnudrɔ̃gbe la le mia lalam." data/train/AMO/AMO_004_Verse_000.mp3,"Ame si wɔ towo kple ya, eye wòɖea eƒe susuwo fiaa amegbetɔ, eyae trɔa ŋdi wòzua viviti, eye wògbãa towo ɖe eƒe afɔ te gudugudu. Eŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la." data/train/AMO/AMO_005_Verse_014.mp3,"Midi Yehowa ne mianɔ agbe, ne menye nenema o la; miabi abe dzo ene ato Yosef ƒe aƒe dzi, afia Betel, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o." data/train/AMO/AMO_006_Verse_013.mp3,"Sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpewo dzia? Ɖe nyitsu siwo wotsɔna ŋlɔa agblee la ate ŋu aŋlɔ atsiaƒu dzia? Ke mietrɔ afia nyui tsotso wòzu aɖi, eye miedo ŋunyɔ nu sia nu si nye nu dzɔdzɔe la wòzu atsa." data/train/AMO/AMO_002_Verse_004.mp3,Dzideƒotɔ siwo le kalẽtɔwo dome hã asi amamae gbe ma gbe.” Yehowae gblɔe. data/train/AMO/AMO_005_Verse_022.mp3,"“O, Israelviwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ?" data/train/AMO/AMO_005_Verse_019.mp3,"Ne miewɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo nam hã la, nyemaxɔ wo o. Ne mietsɔ miaƒe lã damiwo sa vɔe nam hã la, nyemanye kɔ akpɔ wo o." data/train/AMO/AMO_005_Verse_024.mp3,"Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye, wò saŋkuƒoƒowo hã le to me vem nam!" data/train/AMO/AMO_002_Verse_009.mp3,"Gake miena wain Mawu ƒe kluwo wono. Gawu la, miegbe na nyagblɔɖilawo be womagblɔ nya ɖi o." data/train/AMO/AMO_003_Verse_006.mp3,"Gbe si gbe mahe to na Israel ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta la, gbe ma gbe kee matsrɔ̃ legba siwo katã le Betel. Woaŋe vɔ̃samlekpui la ƒe dzowo woage ɖe anyigba." data/train/AMO/AMO_006_Verse_012.mp3,"Ne ƒometɔ aɖe si atɔ dzo ame kukuawo va aƒea me la, abia ame si ɣla ɖe aƒea me la be, “Ame aɖewo gatsi agbe kpe ɖe ŋuwòa?” Ame la aɖo eŋu nɛ be, “Ao!” Ekema ame si va la, agblɔ be, “Mia nu. Mele be míayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le afi sia o.”" data/train/AMO/AMO_002_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Moab ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena etsɔ Edom fia ƒe ƒuwo me akaloe." data/train/AMO/AMO_001_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Damasko ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo wòwɔ edziedzi ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena edugu Gilead kple galuƒomɔ abe ale si wotsɔa galuƒomɔ dugua lu ene." data/train/AMO/AMO_009_Verse_008.mp3,"Maɖo Israel ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye womagaho wo kple ke tso anyigba si metsɔ na wo la dzi akpɔ gbeɖe o.” Yehowa, miaƒe Mawu lae gblɔe." data/train/AMO/AMO_008_Verse_006.mp3,"Egagblɔ be, “Hadzidzi siwo ɖina le gbedoxɔ me la azu avifafa gbe ma gbe. Ame kukuwo akaka ɖe afi sia afi, eye ɖoɖoe azi klẽnee.”" data/train/AMO/AMO_003_Verse_003.mp3,"Dzata ɖe gbe, ame kae mavɔ̃ o. Yehowa Mawu ƒo nu, ame kae agbe be yemagblɔ nya ɖi o." data/train/AMO/AMO_007_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa ɖe asi le susu si wòɖo la ŋuti. Eye Yehowa gblɔ be, “Esia mava eme o.”" data/train/AMO/AMO_005_Verse_023.mp3,"O, mi ame siwo trɔ afia nyui tsotso wòzu vevesese, eye mietsɔ dzɔdzɔenyenye ƒu gbe ɖe anyigba!" data/train/AMO/AMO_001_Verse_009.mp3,"Eya ta matɔ dzo Gaza ƒe gliwo, eye dzo afia eƒe mɔ sesẽwo." data/train/AMO/AMO_005_Verse_017.mp3,"Migati legba siwo le Betel, Gilgal alo Beerseba yome o, elabena maɖe aboyo Gilgatɔwo, eye Betel atsrɔ̃.”" data/train/AMO/AMO_003_Verse_010.mp3,"Ne kpẽ ɖi le du me la, ɖe dua me tɔwo mevɔ̃na oa? Ne dzɔgbevɔ̃e va du aɖe dzi la, ɖe menye Yehowae ɖe mɔ oa?" data/train/AMO/AMO_009_Verse_007.mp3,"“Makplɔ Israel agbɔe tso aboyo me, woagbugbɔ woƒe du siwo zu aƒedo la atso, ahanɔ wo me, woade waingblewo, eye woafia aha ano le wo me. Woade agblewo eye woaɖu wo me kutsetsewo." data/train/AMO/AMO_005_Verse_026.mp3,"Ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la menye viviti, eye menye kekeli oa? Ɖe menye blukɔe wònye, eye keklẽ mele eme oa?" data/train/AMO/AMO_006_Verse_003.mp3,"Elabena kpɔ ɖa, Yehowa de se be, woagbã aƒe suewo kple gãwo siaa." data/train/AMO/AMO_001_Verse_008.mp3,"Eya ta matɔ dzo Fia Hazael ƒe fiasã, eye magbã Ben Hadad ƒe mɔ sesẽwo." data/train/AMO/AMO_002_Verse_007.mp3,“Eya ta mate mi ɖe to abe ale si keke si wodo bligba na fũu la yia toe ene. data/train/AMO/AMO_004_Verse_009.mp3,"“Miva Betel ne miawɔ nu vɔ̃. Miyi Gilgal ne miadzi miaƒe nu vɔ̃wo ɖe edzi, mitsɔ vɔsawo vɛ ŋdi sia ŋdi; mitsɔ nu ewoliawo vɛ ŋkeke etɔ̃ sia ŋkeke etɔ̃." data/train/AMO/AMO_005_Verse_008.mp3,"eya ta maɖo mi ɖe aboyo me le Damasko godo.” Yehowa, ame si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe." data/train/AMO/AMO_003_Verse_009.mp3,"Miɖe gbeƒã le Asdod kple Egipte fiasãwo me be, “Miƒo ƒu mia ɖokuiwo ɖe Samaria towo dzi, ne miakpɔ ʋunyaʋunya gã kple teteɖeanyi siwo le edzi yim le dukɔ la dome.”" data/train/AMO/AMO_002_Verse_010.mp3,"“Le Israel ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, “Nyematsɔ wo akee o, elabena etsɔ ame dzɔdzɔe dzra ɖe klosalo ta, eye wòtsɔ ame dahe dzra ɖe atokota dodo ɖeka pɛ ta." data/train/AMO/AMO_005_Verse_013.mp3,"Midi nyui, miasi le vɔ̃ nu ne mianɔ agbe! Ekema Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, anye kpeɖeŋutɔ vavã na mi abe ale si miawo ŋutɔ miegblɔ la ene." data/train/AMO/AMO_002_Verse_003.mp3,"Aŋutrɔdala manɔ te adae o, asrafo zazɛ̃wo mate ŋu asi o, eye sɔdola nyuitɔ mate ŋu ado sɔ asi le tsɔtsrɔ̃ la nu o." data/train/AMO/AMO_007_Verse_008.mp3,"Aƒetɔ la biam be, “Amos, nu ka nèkpɔ?” Meɖo eŋuti be, “Glidzidzenu.” Yehowa gayi dzi be, “Kpɔ ɖa, metsɔ glidzidzenu ɖo nye dukɔ, Israel titina. Nyemagatsɔe ake wo azɔ o." data/train/AMO/AMO_007_Verse_005.mp3,"Amos le gbɔgblɔm be, “ ‘Yeroboam atsi yi nu eye woaɖe aboyo Israel, akplɔe tso eƒe denyigba dzi.’ ”" data/train/AMO/AMO_003_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye si, “Abe ale si Alẽkplɔla ɖea lã ƒe ata eve kple to kakɛ aɖe ko le dzata ƒe nu me la, nenema kee wòanɔ na Israelvi siwo nɔ Samaria le aba ƒe dzogoe dzi kple ame siwo nɔ aba ƒe kundru dzi.”" data/train/AMO/AMO_008_Verse_008.mp3,"“Le esia ta anyigba adzo nyanyanya, ame sia ame afa konyi, eye woakɔ ayi dzi abe Nil tɔsisi ene. Woadze agbo, agadze anyi abe Egipte tɔsisi la ene.”" data/train/AMO/AMO_001_Verse_011.mp3,"Eya ta matɔ dzo Teman, eye wòabi Bozra ƒe mɔ sesẽwo.”" data/train/AMO/AMO_008_Verse_011.mp3,"Mi ame siwo le gbɔgblɔm be, “Gbe ka gbe dzinu yeye nu le yiyi ge ne míadzra bli, eye Dzudzɔgbe nu le yiyi ge ne míaʋu avawo nu?” Míatsɔ nudanu suewo kple nudzidzenu miamiawo anɔ ame bamii." data/train/AMO/AMO_008_Verse_002.mp3,"Aƒetɔ Yehowa be, “Gbe ma gbe la, mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu, eye viviti nado ɖe anyigba dzi le ŋkeke me." data/train/AMO/AMO_003_Verse_005.mp3,"Eya ta Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, mewɔa naneke ne meɖe eƒe ɖoɖo fia eƒe dɔla nyagblɔɖilawo hafi o." data/train/AMO/AMO_005_Verse_006.mp3,"Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye mieba wo le blidzɔxɔxɔ me ta la, mianɔ kpexɔ nyui siwo tum miele la me alo ano wain tso waingble siwo dem miele la me o." data/train/AMO/AMO_002_Verse_012.mp3,"“Metsrɔ̃ Amoritɔwo le wo ŋgɔ, togbɔ be wodzɔ atsu abe sedati, eye wosẽ abe sesewu ene hã la, meho wo kple ke." data/train/AMO/AMO_006_Verse_005.mp3,"Mi ame siwo kpɔ dzidzɔ esi wogbã Lodeba eye miegblɔ be, “Ɖe menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe míetsɔ xɔ Karnaim oa?”" data/train/AMO/AMO_005_Verse_010.mp3,"Le ŋkeke ma dzi la, mianɔ abe ame si si le dzata nu ɖake ɖe sisiblisi ŋuti la ene, eye esi wòƒu du ɖo aƒe me heziɔ ɖe gli ŋuti la, da ɖui." data/train/AMO/AMO_007_Verse_009.mp3,"Emegbe la, egaɖe nu sia fiam: Aƒetɔ la le tsi tsitre ɖe gli si woɖo, wòdzɔ kã la xa, eye glidzidzenu le esi." data/train/AMO/AMO_005_Verse_027.mp3,"“Ɖetugbi Israel dze anyi, eye magafɔ akpɔ o. Wogbe nu le egbɔ le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye ame aɖeke meli alé eƒe alɔnu afɔe ɖe tsitre o," data/train/AMO/AMO_009_Verse_001.mp3,"Ame si tu nɔƒe kɔkɔwo ɖe dziƒonutowo me, eye wòɖo woƒe agunu ɖe anyigba dzi, ame si lɔ atsiaƒutsi, eye wòtrɔe ɖe anyigba katã dzi. Yehowae nye eƒe ŋkɔ." data/train/AMO/AMO_004_Verse_001.mp3,"Amewo tsoa du siwo me ku le ɖiɖim le, eye wozɔa mɔ didi yia tsidiƒe le du bubu me afi si tsi le dzadzam le, gake womekpɔnɛ kuna o. Ele alea, gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe." data/train/AMO/AMO_007_Verse_003.mp3,"“Aleae nye Yehowa ƒe ŋuɖoɖo na wò, “ ‘Esime nètsi tsitre ɖe nyagblɔɖiawo ŋuti ta la, srɔ̃wò azu gbolo le du sia me, woawu viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple yi; woatsɔ dzidzeka ama wò anyigbae. Wò ŋutɔ ya, àku ɖe dzronyigba dzi, eye Israelviwo azu kluviwo le aboyo me le anyigba aɖe si le didiƒe ke la dzi.’ ”" data/train/AMO/AMO_009_Verse_012.mp3,"Togbɔ be woasi aɖabe ɖe agakpe siwo le Karmel to tame hã la, madi wo, ake ɖe wo ŋu, ahe wo ado goe le afi ma. Ne wosi ɖabe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke hã la, madɔ ƒumedawo ɖa be woaɖu wo, woaku." data/train/AMO/AMO_002_Verse_016.mp3,"Woɖoa atsyɔ̃ kple avɔ siwo woxɔ le fenyilawo si le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha siwo woxɔ le woƒe mawuwo ƒe aƒe me." data/train/AMO/AMO_004_Verse_012.mp3,"Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la ta eƒe kɔkɔenyenye, be ɣeyiɣi li gbɔna esime yeaɖe mi kple miaƒe dzidzimeviwo kple ƒu." data/train/AMO/AMO_003_Verse_014.mp3,Ɖe dzata ɖea gbe le ave me ne melé nu oa? Ɖe dzata tea gbe le eƒe do me ne mekpɔ lé nu haɖe oa? data/train/AMO/AMO_003_Verse_013.mp3,"Yehowa Mawu be, “Eya ta futɔ aɖe ava nye avuzi le miaƒe anyigba dzi, agbã miaƒe mɔ sesẽwo, eye wòaha miaƒe fiasãwo.”" data/train/AMO/AMO_009_Verse_009.mp3,"Mekpɔ Aƒetɔ la wòle tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ, eye wògblɔ nam be, “Xlã nu ɖe sɔtiawo tame ne xɔa ƒe agunu naʋuʋu. Mu sɔtiawo woadze ameawo ƒe ta dzi, eye ame siwo susɔ la, mawu wo kple yi. Ame ɖeka pɛ mato le eme o, eye ɖeke hã masi o." data/train/AMO/AMO_003_Verse_007.mp3,"“Le amegbetɔƒome siwo katã le anyigba dzi dome la, miawo ko metia, eya ta wòle be mahe to na mi vevie ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta ɖo," data/train/AMO/AMO_005_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Avifafa anɔ kpɔdomewo, eye asiƒonu anɔ mɔ dodowo dzi. Míyɔ agbledelawo hã be woafa avi kpli mi; miyɔ konyifalawo hã vɛ be woafa avi kpli mi." data/train/AMO/AMO_003_Verse_008.mp3,"Magbã kesinɔtɔwo ƒe aƒe nyuiwo, akaka woƒe vuvɔŋɔlixɔ dranyiwo kple woƒe dzomeŋɔlixɔwo. Matsrɔ̃ woƒe nyiɖuxɔwo, eye magbã woƒe sãwo,” Yehowae gblɔe." data/train/AMO/AMO_008_Verse_007.mp3,"“Gbe ma gbe la, “ɖeɖi ate ɖetugbi dzetugbewo kple ɖekakpui sesẽwo ŋu, eye nu ati kɔ na wo le mawunya ƒe tsikɔ si le wo wum la ta." data/train/AMO/AMO_003_Verse_002.mp3,"Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “Misee, eye miagblɔe na Yakob ƒe aƒe la be:" data/train/AMO/AMO_006_Verse_010.mp3,"Miyi ɖe Kalne ne miakpɔ nu si dzɔ le afi ma la ɖa; eye miayi ɖe du gã Hamat me, ahaɖiɖi ɖe Gat, Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, akpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ɖe mienyo wu fiaɖuƒe siawo alo ɖe miaƒe anyigba lolo wu wo tɔa?" data/train/AMO/AMO_008_Verse_014.mp3,"Yehowa ta nu ɖe Yakob ƒe dada ŋu be, “Nyemaŋlɔ miaƒe nu vɔ̃wo be o!" data/train/AMO/AMO_009_Verse_006.mp3,"“Elabena meɖe gbe, eye matsra Israel ƒe aƒe la le dukɔwo dome abe ale si wotsraa bli kple tsranui ene, ke ku ɖeka gɔ̃ hã mage ɖe anyigba o." data/train/AMO/AMO_007_Verse_000.mp3,"Ale Aƒetɔ Yehowa ɖe asi le susu sia hã ŋuti, Eye wògblɔ nam be, “Esia mava eme o.”" data/train/AMO/AMO_005_Verse_025.mp3,"Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, “Midim, ne mianɔ agbe." data/train/AMO/AMO_003_Verse_004.mp3,elabena aleke ame eve ate ŋu azɔ ɖekae ne womeɖo gbe ɖi o?” data/train/AMO/AMO_009_Verse_015.mp3,"Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna,” “esime nukuxala maxa nuku vɔ hafi agbleŋlɔla nagadze agbleŋɔŋlɔ gɔme o, eye wainfiala mafia wain vɔ hafi woagadze waintiwo dodo gɔme o. Aha yeye atsyɔ le towo dzi, eye wòatsa le togbɛwo tame." data/train/AMO/AMO_007_Verse_013.mp3,"gake Yehowa yɔm tso lãnyilawo dome gblɔ nam be, ‘Yi nàgblɔ nya ɖi na nye dukɔ Israel.’" data/train/AMO/AMO_002_Verse_014.mp3,"Miaƒe aʋawɔla ɖeablawo mate ŋu asi, akpɔ sitsoƒe o, ame sesẽwo mate ŋu azã woƒe ŋusẽ o, eye kalẽtɔ mate ŋu aɖe eƒe agbe o." data/train/AMO/AMO_002_Verse_005.mp3,"Eya ta mana dzo nava fia Moab, eye wòabi mɔ sesẽ siwo le Keriyɔt. Moab fia ŋutɔ atsrɔ̃ le ʋunyaʋunya me le aʋaɣli kple kpẽwo ƒe ɖiɖi me," data/train/AMO/AMO_001_Verse_013.mp3,"Matsrɔ̃ Asdod nɔlawo katã, mawu Askelontɔwo ƒe fia, eye magbã Ekron va se ɖe esime Filistitɔ mamlɛawo atsrɔ̃.” Aƒetɔ Mawue gblɔe." data/train/AMO/AMO_001_Verse_007.mp3,"Esiawoe nye Amos, lãkplɔla siwo tso Tekoa la dometɔ ɖeka ƒe nyawo. Ekpɔ ŋutega tso Israel ŋuti ƒe eve do ŋgɔ na anyigba ƒe ʋuʋu, esime Uzia nɔ fia ɖum le Yuda, eye Yoas ƒe vi, Yeroboam, nɔ fia ɖum le Israel." data/train/AMO/AMO_006_Verse_001.mp3,"Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe. Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “Yakob ƒe dada ƒuƒlu la le ŋu nyɔm nam, eye melé fu eƒe mɔ sesẽwo. Matsɔ du gã sia kple emenu nyuiwo ade asi na eƒe futɔwo.”" data/train/AMO/AMO_002_Verse_011.mp3,"Mekplɔ wò do goe tso Egipte, eye mekplɔ wò le gbedzi ƒe blaene sɔŋ, be woava xɔ Amoritɔwo ƒe anyigba." data/train/AMO/AMO_002_Verse_013.mp3,Meɖo mia viŋutsuwo nyagblɔɖilawo kple míaƒe ɖekakpuiwo Mawu ƒe kluwo na Israel; ɖe nàte ŋu agblɔ be esiawo katã mele eme oa? Yehowae gblɔe. data/train/AMO/AMO_006_Verse_014.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “O Israel ƒe aƒe, mana dukɔ aɖe natso ɖe ŋuwò. Ate wò ɖe to vevie tso Lebo Hamat va se ɖe Wadi Araba tɔʋu la to.”" data/train/AMO/AMO_004_Verse_011.mp3,"Woakplɔ mi ato gliwo ƒe gbagbãƒee, miakpɔ ŋgɔ tẽe, eye woatsɔ mi aƒu gbe ɖo ɖe Harmon.” Yehowae gblɔe." data/train/AMO/AMO_002_Verse_015.mp3,"Wotea ame dahewo ɖe to, eye wotrɔa gbo nya dzɔdzɔewo na ame gblɔe siwo wote ɖe to. Vɔ̃ɖitɔe nye be, ŋutsu kple via dea ɖetugbi ɖeka gbɔ heƒoa ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la." data/train/AMO/AMO_008_Verse_010.mp3,"Mi ame siwo doa kluvi ame dahewo ɖe klosaloga ɖeka ta, eye miedzraa hiãtɔwo ɖe afɔkpa dodo ɖeka pɛ ta alo dzraa bli gbegblẽ na wo." data/train/AMO/AMO_001_Verse_014.mp3,"Maŋe gameti sesẽ siwo wotsɔ do Damasko ƒe agbowoe, eye mawu fia si le Aven ƒe Balime, kple ame si le fia ɖum le Bet Eden, eye woaɖe aboyo Siriatɔwo ayi ɖe Kir.” Yehowae gblɔe." data/train/AMO/AMO_004_Verse_007.mp3,"“Metsrɔ̃ miaƒe du aɖewo abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomorae ene; ame siwo susɔ la le abe atikpo si woɖe tso dzo me la ene, gake miegbe, mietrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe." data/train/AMO/AMO_005_Verse_005.mp3,"Elabena wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ hetri akɔ. Menya wo katã nyuie. Èsẽa ŋuta le ame dzɔdzɔe ŋu, eye nèxɔa zãnu hetrɔa gbo ame dahe ƒe nya dzɔdzɔe," data/train/AMO/AMO_004_Verse_006.mp3,"“Mena miaƒe bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃; mena ʋetsuviwo ɖu miaƒe wainkawo kple amitiwo, gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe." data/train/AMO/AMO_001_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Edom ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe Israel ɖe nu kple yi, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa, hegbe be yemakpɔ nublanui nɛ o." data/train/AMO/AMO_002_Verse_008.mp3,eye mawu eƒe fia kple eŋutimewo katã.” Yehowae gblɔe. data/train/AMO/AMO_004_Verse_008.mp3,"Mitsɔ amɔʋaʋãbolo wɔ akpedavɔsae. Miɖe gbeƒã lɔlɔ̃nununana. Migblɔe dadatɔe, elabena nenema mielɔ̃a wɔwɔ. O, Israel!” Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe." data/train/AMO/AMO_003_Verse_015.mp3,"Ɖe xevi dzona ɖe mɔ dzi le anyigba, ne wometre mɔ nɛ oa? Alo ɖe mɔ fena, ne naneke meɖo eme oa?" data/train/AMO/AMO_006_Verse_011.mp3,"Ne ŋutsu ewo susɔ ɖe aƒe ɖeka me hã, wo katã woaku." data/train/AMO/AMO_007_Verse_006.mp3,"Amos ɖo eŋu ɖo ɖe Amazia be, “Menye nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae menye o. Nyemetso nyagblɔɖilawo ƒe ƒome me o. Nye la, lãnyila kple atikutsetsewo fɔla ko menye," data/train/AMO/AMO_005_Verse_020.mp3,"Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene, eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu si memiena o ene!" data/train/AMO/AMO_005_Verse_007.mp3,"eya ta ame siwo nye nunyalawo la, azi ɖoɖoe le ɣeyiɣi mawo me, elabena ɣeyiɣi vɔ̃e wònye." data/train/EZK/EZK_044_Verse_003.mp3,"Fiaviŋutsu la ŋutɔ koe nye ame si anɔ agbo la nu be wòaɖu nu le Yehowa ŋkume. Ele nɛ be wòage ɖe eme to akpata la me, eye wòado go to afi ma ke.”" data/train/EZK/EZK_041_Verse_012.mp3,kple fesre sue kple xɔmedziƒoxɔ siwo ƒo xlã nu etɔ̃awo; wofa ʋuƒo ɖe wo kple anyigba kpakple gliawo ŋu va se ɖe fesreawo te. data/train/EZK/EZK_022_Verse_017.mp3,"Le mewò la, ameŋugblẽlawo li, siwo dina vevie be yewoakɔ ʋu ɖi. Le mewò la, amewo li, siwo ɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi, eye wowɔa ŋukpenanuwo." data/train/EZK/EZK_046_Verse_005.mp3,"Fiavi ŋutsuvi la anɔ wo dome age ɖe eme ne ameawo ge ɖe eme, ado go ne ameawo do go." data/train/EZK/EZK_034_Verse_008.mp3,"Esi mietsɔ axadame kple abɔta mimi lã ŋusẽmanɔŋutɔwo katã ɖo, eye mietu dzo wo va se ɖe esime mienya wo de gbe la," data/train/EZK/EZK_037_Verse_025.mp3,"Woanɔ anyigba si metsɔ na nye dɔla Yakob, anyigba si dzi mia fofowo nɔ la dzi. Woawo kple wo viwo kple wo viwo ƒe viwo anɔ afi ma tegbetegbe, eye David, nye dɔla, anye woƒe fiaviŋutsu tegbetegbe." data/train/EZK/EZK_029_Verse_010.mp3,"Gblɔ nɛ be, ‘Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Metso ɖe ŋuwò, Farao, Egipte fia, wò lã gã wɔadã le wò tɔsisiwo me. Egblɔna be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye. Nyee wɔe na ɖokuinye.”" data/train/EZK/EZK_003_Verse_006.mp3,"Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu agbalẽ si mele tsɔtsɔm na wò, eye nàtsɔe ayɔ wò dɔgbo.” Ale meɖui, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene." data/train/EZK/EZK_043_Verse_004.mp3,"“Ele na wò be nàna gbɔ̃tsu ɖeka gbe sia gbe, ŋkeke adre hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye nàgana nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo ɖeka tso lãha la me, kpɔtsɔtsɔ manɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o." data/train/EZK/EZK_022_Verse_010.mp3,"Eƒe nunɔlawo wɔa nu tovo ɖe nye se la ŋu, eye wodoa gu nye nu kɔkɔewo; womedea vovototo nye nu kɔkɔewo kple nu gbɔlowo dome o; wofiana be, vovototo aɖeke mele nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome o. Woŋea aɖaba ƒua nye Dzudzɔgbe la ƒe ɖoɖowo dzi, ale wogblẽa kɔ ɖo nam le wo dome." data/train/EZK/EZK_026_Verse_004.mp3,"Atrɔ eƒe gligbãnuwo ɖe wò gliwo ŋu, eye wòatsɔ eƒe aʋawɔnuwo agbã wò xɔ tsralawo." data/train/EZK/EZK_016_Verse_041.mp3,"“ ‘Ke magaɖo Sodom kple via nyɔnu ƒe dzɔgbenyui te, kpe ɖe Samaria kple via nyɔnuwo tɔ kple wò ŋutɔ tɔ hã ŋu," data/train/EZK/EZK_026_Verse_002.mp3,"Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. “Ne mena nèzu aƒedo abe du si me ame aɖeke megale o, ne mehe atsiaƒu ƒe gogloƒe tsyɔ dziwò, eye eƒe tsi gbawoo la ƒo xlã wò la," data/train/EZK/EZK_020_Verse_046.mp3,"Ne mietsɔ mia viwo sa vɔe le dzo me abe nunana ene la, mieyi gudodo mia ɖokuiwo dzi kple miaƒe legbawo va se ɖe egbe. Ɖe mana miabia gbem mahã, O! Israel ƒe aƒe? Meta nye agbe be nyemaɖe mɔ miabia gbem o’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_045_Verse_025.mp3,"Woadzidze ami si woana la kple dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinu, eye woanye dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la ƒe si nye galɔn ene." data/train/EZK/EZK_034_Verse_024.mp3,"Mienoa woƒe notsi, miedoa awu siwo wotsɔ woƒe alẽfu wɔe, eye miewua lã damitɔwo, ke mieléa be na alẽhawo o." data/train/EZK/EZK_016_Verse_052.mp3,"Meta avɔ ŋɔŋɔe na wò, eye medo afɔkpa na wò. Medo aklalawu nyuitɔ kple awu xɔasitɔ na wò." data/train/EZK/EZK_044_Verse_018.mp3,"Ne woyi xɔxɔnu egodotɔ, afi si amewo le la, woaɖe awu siwo wodo hesubɔ la da ɖe xɔ kɔkɔeawo me, eye woado woawo ŋutɔ ƒe awuwo ale be womakɔ ameawo ŋu kple woƒe awuwo o." data/train/EZK/EZK_027_Verse_022.mp3,“Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwoe tsɔa wò adzɔnuwo. Wò adzɔnuwo sɔ gbɔ le atsiaƒu la dzi. data/train/EZK/EZK_023_Verse_026.mp3,"he nu siawo va dziwò, elabena èdze dukɔwo yome, eye nèdo gu ɖokuiwò kple woƒe legbawo." data/train/EZK/EZK_018_Verse_006.mp3,"Eya ta Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “O! Israel ƒe aƒe, esia ta madrɔ̃ ʋɔnu mi, ame sia ame ɖe eƒe mɔwo nu. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋuti, ekema nu vɔ̃ manye miaƒe anyidzedze o." data/train/EZK/EZK_038_Verse_012.mp3,"Le ŋkeke geɖewo megbe la, woabia tso asiwò be, nàbla akpa hena aʋawɔwɔ. Le ƒe siwo gbɔna me la, àho aʋa ɖe anyigba aɖe si vo tso aʋawɔwɔ me la ŋu, woƒo eƒe amewo nu ƒu tso dukɔ geɖewo me ɖe Israel ƒe to siwo nye gbegbe ɣeyiɣi didi aɖe la dzi. Woɖe wo tso dukɔwo me, eye azɔ la, wo katã wole dedie." data/train/EZK/EZK_019_Verse_008.mp3,"Enɔ dzatawo dome, elabena ezu dzata sesẽ aɖe azɔ. Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna." data/train/EZK/EZK_033_Verse_000.mp3,"“Ame vi, ame siwo le du gbagbã mawo me le Israelnyigba dzi la le gbɔgblɔm be, ‘Ame ɖeka pɛ koe nye Abraham, ke anyigba la nye etɔ. Ke míawo ya, míesɔ gbɔ. Eme kɔ ƒãa be míawoe wotsɔ anyigba la na be wòanye mía tɔ.’" data/train/EZK/EZK_027_Verse_021.mp3,"“Tarsis wɔ dɔ kple wò le wò adzɔnu gbogboawo ta. Wotsɔ klosalo, gayibɔ, gaɣi kple tsumi ɖɔli wò adzɔnuwoe." data/train/EZK/EZK_048_Verse_016.mp3,"Le dziehe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be Simeon ƒe agbo, Isaka ƒe agbo kple Zebulon ƒe agbo." data/train/EZK/EZK_015_Verse_002.mp3,"Eye ne wotsɔe de dzo me abe nake ene la, dzo la bina tso eƒe nugbɔ eve, eye wofiaa eƒe domedome, ekema ɖe ŋudɔwɔnu aɖe gale eŋua?" data/train/EZK/EZK_013_Verse_010.mp3,"Israel ƒe nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi le Yerusalem la, kpɔ ŋutifafa ƒe ŋutega, le esime ŋutifafa aɖeke menɔ anyi o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” ’" data/train/EZK/EZK_019_Verse_006.mp3,"Egbã woƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi, eye wòwɔ woƒe duwo wozu aƒedo. Eƒe gbetete do ŋɔdzi na anyigba la kple ame siwo katã nɔ edzi" data/train/EZK/EZK_036_Verse_001.mp3,"Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Le gbe si gbe maklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋuti la, mana amewo naganɔ miaƒe duwo me, eye woagbugbɔ gli gbagbãwo aɖo." data/train/EZK/EZK_030_Verse_009.mp3,"“Gbe ma gbe la, ame dɔdɔwo atso gbɔnye anɔ tɔdziʋuwo me be woado ŋɔdzi na Kus le eƒe ɖokuiŋudzedze me. Vɔvɔ̃ aɖo wo le Egipte ƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la ta, elabena ele vava ge godoo." data/train/EZK/EZK_018_Verse_022.mp3,"Metea ame aɖeke ɖe to o, eye mexɔa awɔbanu hafi doa ga na ame o. Medaa adzo ame o, ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔwo, eye wònaa nutata amamanɔlawo." data/train/EZK/EZK_032_Verse_002.mp3,"“Ame vi, kpa konyifaha aɖe tso Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Èle abe dzata ene le dukɔwo dome, èle abe lã dziŋɔ aɖe ene le atsiaƒuwo me. Èle tsi ƒum le wò tɔsisiwo me, “ ‘Èle tsi la trom kple wò afɔwo, Eye nèna ba ge ɖe tsiawo me." data/train/EZK/EZK_044_Verse_008.mp3,Ke matsɔ wo ada ɖe gbedoxɔ la ƒe dɔdeasiwo kple dɔ sia dɔ si woawɔ le eme la nu. data/train/EZK/EZK_038_Verse_018.mp3,"“Nɔ klalo, nàdzra ɖo, wò kple ameha gã siwo ƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye nànɔ wo nu." data/train/EZK/EZK_022_Verse_023.mp3,"“Medi ame aɖe le wo dome, ame si atu gli la, eye wòatsi tsitre ɖe nye ŋkume le gbadzaƒe le ameawo teƒe, ale be nyemagblẽ nu o, gake nyemekpɔ ame aɖeke o." data/train/EZK/EZK_004_Verse_009.mp3,Mabla wò kple ka ale be màte ŋu atrɔ tso axa ɖeka dzi ayi evelia dzi o va se ɖe esime nàwu wò toɖeɖe ɖe du la ƒe ŋkekewo nu. data/train/EZK/EZK_037_Verse_010.mp3,"Eye wògblɔ nam be, “Gblɔ nya ɖi na ya, gblɔ nya ɖi, Ame vi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Va, o, gbɔgbɔ, va tso ya eneawo me, eye nàgbɔ ɖe ame siwo wowu la me be woagbɔ agbe.’ ”" data/train/EZK/EZK_009_Verse_004.mp3,"Eye wògblɔ na wo be, “Migblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la, eye miana ame kukuawo nayɔ eƒe xɔxɔnu. Miyi!” Ale woyi, eye wode asi ameawo wuwu me le du la katã me." data/train/EZK/EZK_028_Verse_013.mp3,"makplɔ amedzrowo aƒu wò, dukɔ si me tɔwo mekpɔa nublanui na ame kura o. Woatsɔ woƒe yi ɖe wò nyonyo kple wò nunya ŋu, eye woagblẽ wò atsyɔ̃ gã la me." data/train/EZK/EZK_023_Verse_048.mp3,"Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, ɖe nàdrɔ̃ ʋɔnu Ohola kple Oholiba mahã? Ekema tsɔ woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo ɖo woƒe ŋkume," data/train/EZK/EZK_047_Verse_021.mp3,"Tete wòkplɔm do goe to anyiehegbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la me, eye tsi la nɔ tsatsam tso dziehe lɔƒo." data/train/EZK/EZK_036_Verse_007.mp3,"Aƒetɔ Yehowa be, ‘Metsɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dzo bibi ƒo nu ɖe dukɔ mamlɛawo kple Edom ŋu, elabena wotsɔ dzidzɔ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo wɔ nye anyigba wo tɔe, ale be woaha eƒe lãnyiƒewo." data/train/EZK/EZK_034_Verse_014.mp3,"“ ‘Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi, ale be woanɔ gbegbe, eye woadɔ alɔ̃ le avewo me le dedinɔnɔ me." data/train/EZK/EZK_026_Verse_007.mp3,"Ekema dziɖula siwo le ƒuta duwo me la aɖi le woƒe fiazikpuiwo dzi, eye woaɖe woƒe fiawuwo kple awu ŋɔŋɔewo ada ɖi. Vɔvɔ̃ aɖo wo, woanɔ anyigba, anɔ dzodzom nyanyanya ɣeawo katã ɣi, eye woƒe nu aku ɖe ŋuwò." data/train/EZK/EZK_022_Verse_015.mp3,"Le mewò la, ame siwo doa vlo wo fofowo ƒe aba kple ame siwo dɔna kple nyɔnu siwo kpɔ dzinu, eye wo ŋuti mekɔ o la le." data/train/EZK/EZK_032_Verse_019.mp3,"Mana wò amewo natsi ame sesẽwo, Ame siwo sẽa ŋuta wu Le dukɔwo katã dome la ƒe yinu. Woatsi Egipte ƒe dada nu, Eye woaɖu eƒe ame gbogboawo dzi." data/train/EZK/EZK_006_Verse_011.mp3,"Woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, woakaka vɔsamlekpui siwo dzi miedoa dzudzɔ ʋeʋĩ le, eye mawu miaƒe amewo le miaƒe legbawo ŋgɔ." data/train/EZK/EZK_038_Verse_015.mp3,Mana yi natso ɖe Gog ŋu le nye toawo katã dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ame sia ame atsɔ yi ɖe nɔvia ŋu. data/train/EZK/EZK_030_Verse_017.mp3,"Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”" data/train/EZK/EZK_032_Verse_016.mp3,"Le ƒe wuievelia ƒe ɣletia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be," data/train/EZK/EZK_046_Verse_015.mp3,"Le Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui dzi la, ana nyitsu fɛ̃ ɖeka, alẽvi ade kple agbo ɖeka, lã siwo katã ŋuti kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o." data/train/EZK/EZK_017_Verse_006.mp3,"Elé fiaƒomea me tɔ aɖe, wɔ nubabla kplii, eye wòka atam nɛ. Ekplɔ anyigba la ƒe ame ŋkutawo dzoe," data/train/EZK/EZK_005_Verse_011.mp3,"Mana dɔwuame kple lã wɔadãwo nava mia dzi, eye woana viwo maganɔ mia si o. Dɔ vɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi ava mia dzi, eye matsɔ yi ɖe mia ŋu. Nye Yehowae gblɔe.”" data/train/EZK/EZK_003_Verse_027.mp3,"Yi mia detɔ siwo le aboyo me la gbɔ, eye nàƒo nu na wo. Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi,’ ne wosee loo alo wogbe esese.”" data/train/EZK/EZK_016_Verse_031.mp3,"Eya ta de ta wò ŋukpe te, elabena ètso afia na nɔviwò nyɔnuawo. Esi wò nu vɔ̃wo vɔ̃ɖi wu woawo tɔ ta la, wodze ame dzɔdzɔewo wu wò." data/train/EZK/EZK_037_Verse_017.mp3,"Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ lãmekawo kple lã ɖo ƒuawo ŋu eye ayi fa ɖe wo ŋu, gake gbɔgbɔ mege ɖe wo me o." data/train/EZK/EZK_012_Verse_015.mp3,"Gblɔ na wo be, ‘Dzesie menye na mi.’ “Nu si mewɔ la, nu ma woawɔ na wo. Woalé wo ayi aboyo mee." data/train/EZK/EZK_034_Verse_019.mp3,"Mayra wo kpe ɖe teƒe siwo ƒo xlã nye to la ŋu. Mana tsi nadza le tsidzaɣi, yayra ƒe agbafie anɔ anyi." data/train/EZK/EZK_011_Verse_007.mp3,"Eya ta migblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu; ame vi, gblɔ nya ɖi.”" data/train/EZK/EZK_019_Verse_000.mp3,"Azɔ la, wodoe ɖe gbegbe, anyigba ƒuƒu aɖe dzi, afi si tsi menɔ o." data/train/EZK/EZK_030_Verse_010.mp3,"Heliopolis kple Bubastis ƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, eye duawo me tɔwo ŋutɔ aɖe aboyo wo ɖokuiwo." data/train/EZK/EZK_016_Verse_033.mp3,"Eye nàgblɔ nɛ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Yerusalem nye si; ‘Wò dzɔtsoƒe kple wò dzidzi nɔ Kanaantɔwo ƒe anyigba dzi. Mia fofo nye Amoritɔ, eye mia dada nye Hititɔ." data/train/EZK/EZK_030_Verse_014.mp3,"Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, eye matsɔ nye yi ade asi nɛ, ke maŋe Farao ƒe abɔwo, eye wòanɔ ŋeŋem le eŋkume abe ame si ŋu wode kubi ene." data/train/EZK/EZK_048_Verse_001.mp3,"Anye nunana tɔxɛ na wo tso teƒe kɔkɔe la ŋu, teƒe kɔkɔe aɖe ŋutɔe, eye wòado liƒo kple Levitɔwo ƒe teƒe." data/train/EZK/EZK_023_Verse_037.mp3,"Mienɔ anyi ɖe nye abati nyuitɔ dzi, kplɔ̃ le eŋgɔ, kplɔ̃ si dzi míetsɔ dzudzɔdonu kple ami siwo nye tɔnye la da ɖo." data/train/EZK/EZK_040_Verse_021.mp3,"eye esi dze ŋgɔ anyiehe lae nye nunɔla siwo kpɔa vɔsamlekpui la dzi tɔ. Ame siawoe nye Zadok ƒe viwo, ame siawo koe nye Levitɔ siwo ate ɖe Yehowa ŋu be woasubɔ le eŋkume.”" data/train/EZK/EZK_033_Verse_007.mp3,"Esi wòse kpẽ la ƒe ɖiɖi, gake mewɔ nuxlɔ̃ame la dzi o ta la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. Nenye ɖe wòwɔ ɖe nuxlɔ̃ame la dzi la, anye ne eɖe eɖokui." data/train/EZK/EZK_047_Verse_011.mp3,"Esi meɖo afi ma la, mekpɔ ati geɖewo le tɔsisi la ƒe axa eveawo." data/train/EZK/EZK_020_Verse_033.mp3,"Makplɔ mi vɛ tso dukɔwo dome, eye maƒo ƒu mi tso anyigba siwo dzi miekaka ɖo la kple asi sesẽ kpakple dɔmedzoe si matrɔ akɔ ɖi la." data/train/EZK/EZK_026_Verse_020.mp3,"Woagbã Tiro ƒe gliwo, eye woamu eƒe xɔ tsralawo. Makplɔ eƒe gli gbagbã kakɛawo ɖa, eye mana wòazu agakpe ƒuƒlu" data/train/EZK/EZK_041_Verse_023.mp3,"Ʋɔtru la nu keke mita atɔ̃, eye gli siwo le eƒe akpawo la keke mita eve kple afã. Edzidze gbedoxɔ egodotɔ la hã. Edidi mita blaeve, eye wòkeke mita ewo." data/train/EZK/EZK_044_Verse_019.mp3,"“ ‘Nunɔla aɖeke magblẽ kɔ ɖo na eɖokui to tete ɖe ame kuku aɖeke ŋu me o, ke ne ame kuku la nye fofoa alo dadaa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu srɔ̃manɔsitɔ la, ekema ate ŋu agblẽ kɔ ɖo na eɖokui." data/train/EZK/EZK_016_Verse_028.mp3,"Èwu vinyewo, eye nètsɔ wo sa vɔe na legbawo." data/train/EZK/EZK_035_Verse_002.mp3,"Ekema mianya be, nye Yehowa mese vlodoamenya siwo katã miegblɔ tso Israel ƒe towo kple togbɛwo ŋuti. Miegblɔ be, “Wozu gbegbe, eye wotsɔ wo na mí be míaɖu.”" data/train/EZK/EZK_010_Verse_011.mp3,"Ne kerubiawo ɖe zɔ la, tasiaɖamfɔtiawo nɔa wo xa, eye woawo hã zɔna. Ne kerubiawo keke woƒe aʋala be yewoadzo la tasiaɖamfɔtiawo meɖena ɖa le wo xa o." data/train/EZK/EZK_002_Verse_004.mp3,"Esi wòƒo nu la, Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, fɔm ɖe tsitre, eye mesee wònɔ nu ƒom nam." data/train/EZK/EZK_030_Verse_018.mp3,"Mana Egipte ƒe dzigbeme nazu gbegbe, matɔ dzo Zoan, eye mahe to na Tebes." data/train/EZK/EZK_045_Verse_000.mp3,"Ana nuɖuvɔsa bli agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu eye agba ɖeka kpe ɖe agbo ɖe sia ɖe ŋu, eye wòana ami lita ene kpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu." data/train/EZK/EZK_031_Verse_010.mp3,"eye amedzro dukɔ si mekpɔa nublanui kura o la tsɔe ƒu anyi hedzo le egbɔ. Eƒe alɔdzewo dze towo kple balimewo katã dzi; eƒe alɔdzewo ŋe, kaka ɖe anyigba la katã dzi. Dukɔwo katã le anyigba dzi do le eƒe vɔvɔli te, eye wogblẽe ɖi." data/train/EZK/EZK_023_Verse_011.mp3,"Babiloniatɔwo, ame siwo katã tso Babilonianyigba dzi, ŋutsuwo tso Pekod kple Soa kple Koa kple Asiriatɔwo katã, kpe ɖe wo ŋu. Wonye ɖekakpui dzeɖekɛwo. Wo katã wonye mɔmefiawo, dumegãwo, tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kple ame ŋkutawo, eye wo katã woganye sɔdolawo." data/train/EZK/EZK_035_Verse_008.mp3,"eye nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Metso ɖe ŋuwò, Seir to la, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye matsɔ wò awɔ aƒedo kple gbegbee." data/train/EZK/EZK_038_Verse_007.mp3,"Eya ta Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na Gog be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Gbe ma gbe ne nye amewo, Israelviwo ɖe dzi ɖi le dedinɔnɔ me la, màde dzesii oa?" data/train/EZK/EZK_010_Verse_013.mp3,Tete kerubiawo dometɔ ɖeka do eƒe asi ɖa te ɖe dzo si le wo dome la ŋu. Eɖe dzo la ƒe ɖe ɖe asi na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la. Exɔe eye wodo go. data/train/EZK/EZK_022_Verse_028.mp3,"Woƒe nyagblɔɖilawo siaa akalo ɖe nu ŋu na wo to aʋatsoŋutegawo me, eye wogblɔa alakpanyawo na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi.’ Le esime wònye Aƒetɔ la meƒo nu o hafi." data/train/EZK/EZK_020_Verse_017.mp3,"Gbe ma gbe la, meka atam na wo be makplɔ wo ado goe le Egipte ayi anyigba aɖe si medi da ɖi na wo la dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi tsana le. Anyigba sia nyo wu bubuawo katã." data/train/EZK/EZK_003_Verse_025.mp3,"Nyemele ɖowòm ɖe ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ o, eye woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ la gbɔ o, ke boŋ mele ɖowòm ɖe Israel ƒe aƒe me," data/train/EZK/EZK_009_Verse_010.mp3,"Tete ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu, eye agbalẽŋlɔnuwo le eƒe axame la gblɔ be, “Mewɔ nu si nèɖo nam be mawɔ.”" data/train/EZK/EZK_038_Verse_008.mp3,"eye nàgblɔ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò si nye amegã le Mesek kple Tubal." data/train/EZK/EZK_027_Verse_023.mp3,"Wò kesinɔnuwo, wò asitsanuwo kple adzɔnuwo, tɔdziʋukulawo, wò kuɖɔɖolawo kple wò gbagbãƒetrelawo, wò adzɔnuɖɔlilawo, wò aʋawɔlawo katã kple wò ameha blibo si le ʋua me la, anyrɔ ɖe atsiaƒu la titina gbe si gbe wò tɔdziʋu anyrɔ." data/train/EZK/EZK_039_Verse_006.mp3,"Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Egbee nye ŋkeke si ŋu meƒo nu tsoe." data/train/EZK/EZK_032_Verse_023.mp3,"Maɖe fu na dukɔ geɖewo ƒe dzi, Ne mehe wò tsɔtsrɔ̃ vɛ, Le dukɔwo dome. Le anyigba siwo mènya o la dzi." data/train/EZK/EZK_032_Verse_007.mp3,"Ekema mana eƒe tsiwo nadze anyi, Eye mana woatsa abe ami ene.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_045_Verse_016.mp3,"“ ‘Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, ŋkekenyui si axɔ ŋkeke adre, ŋkeke siwo me miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã." data/train/EZK/EZK_003_Verse_022.mp3,"Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi aɖe be, ‘Èle kuku ge godoo,’ eye mèxlɔ̃ nui alo ƒo nu kplii hena wòɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ɖi ŋu, ale be wòaɖe eƒe agbe o la, ame vɔ̃ɖi ma aku le eƒe nu vɔ̃ ta, eye mabia eƒe ʋu ƒe akɔnta tso asiwò me." data/train/EZK/EZK_018_Verse_012.mp3,"“Ke miebia be, ‘Nu ka ta viŋutsu maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖe o?’ Esi viŋutsu la wɔ nu si le dzɔdzɔe, henyo, eye wòkpɔ egbɔ be yelé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi ta la, anɔ agbe godoo." data/train/EZK/EZK_001_Verse_022.mp3,"Nu gbagbeawo ƒe dzedzeme nɔ abe dzoka xɔxɔ alo akakati bibi ene. Dzo la ʋãna yia megbe kple ŋgɔgbe le nu gbagbeawo dome. Dzo la klẽna, eye dzikedzo dona tso eme." data/train/EZK/EZK_017_Verse_016.mp3,"“Gblɔ na ƒome dzeaglã la be, ‘Ɖe miese nu siawo gɔme oa?’ Gblɔ na wo be, ‘Babilonia fia yi Yerusalem, eye wòkplɔ eƒe fia kple bubumewo yi Babilonia." data/train/EZK/EZK_014_Verse_006.mp3,"Aƒetɔ Yehowa be yeta yeƒe agbe be ne ame etɔ̃ siawo anɔ wo dome gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ɖeɖe koe akpɔ ɖeɖe, ke anyigba la ya azu gbegbe." data/train/EZK/EZK_007_Verse_015.mp3,"Nuwuwu la va mia dzi azɔ, eye mana nye dɔmedzoe nabi ɖe mia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu, eye mahe to na mi katã ɖe miaƒe ŋunyɔnuwɔnawo ta." data/train/EZK/EZK_029_Verse_007.mp3,"Esi wolé wò kple asi la, èŋe woƒe abɔta, eye esi woziɔ ɖe ŋuwò la, èŋee heƒo ɖe woƒe dzime." data/train/EZK/EZK_037_Verse_006.mp3,"Ekplɔm tso afii yi afi mɛ le wo dome, eye mekpɔ ƒu geɖewo le balime la ƒe anyigba. Ƒuawo ƒu kplakplakpla." data/train/EZK/EZK_013_Verse_019.mp3,"Ne gli la mu la, ɖe amewo mabia mi be, ‘Afi ka akalo si miesi nɛ la le o’ mahã?”" data/train/EZK/EZK_016_Verse_019.mp3,"“Emegbe la, metso eme va yi, eye esi mekpɔ be ètsi na srɔ̃ɖeɖe la, mekeke nye awu to ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò amama. Meka atam na wò, mebla nu kpli wò, eye nèzu tɔnye. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_042_Verse_010.mp3,"Le teƒe eve siwo didi mita ewo tso xɔxɔnu emetɔ gbɔ, eye le teƒe si le xɔxɔnu egodotɔ ƒe kpeɖoɖoawo kasa la, xɔmedziƒoxɔ dze ŋgɔ xɔmedziƒoxɔ le ɖoƒe etɔ̃awo." data/train/EZK/EZK_043_Verse_024.mp3,"Vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe sɔ le didime kple kekeme siaa, eye ɖe sia ɖe nye mita ade." data/train/EZK/EZK_043_Verse_007.mp3,"Ele na wò be nàtsɔ nyitsu na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye nàtɔ dzoe le teƒe si woɖo ɖi nɛ le gbedoxɔ la me le kɔkɔeƒe la godo." data/train/EZK/EZK_048_Verse_031.mp3,"Teƒe sia anye teƒe kɔkɔe na nunɔlawo. Adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) le anyiehe, akeke mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣetoɖoƒe, akeke mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣedzeƒe, eye wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) le dziehe. Aƒetɔ Yehowa ƒe Kɔkɔeƒe la anɔ teƒe sia ƒe titina." data/train/EZK/EZK_020_Verse_043.mp3,"“Miawo ya la, O! Israel ƒe aƒe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Miyi, eye miasubɔ miaƒe legbawo, mia dometɔ ɖe sia ɖe. Ke emegbe la, miaɖo tom kokoko, eye miagado vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la kple miaƒe vɔsawo kple legbawo o." data/train/EZK/EZK_012_Verse_021.mp3,"Makaka ame siwo katã ƒo xlãe, eŋumewo kple eƒe aʋawɔlawo katã ɖe yawo nu, eye mati wo yome kple yi." data/train/EZK/EZK_047_Verse_017.mp3,"Le ɣedzeƒe lɔƒo la, liƒo la ato Hauran kple Damasko dome, ato Yɔdan ŋu, ato Gilead kple Israel ƒe anyigba dome ayi ɣedzeƒeƒu la gbɔ ayi keke Tamar. Esiae anye ɣedzeƒeliƒo la." data/train/EZK/EZK_001_Verse_019.mp3,"Nenemae woƒe mowo le. Woke woƒe aʋalawo me do ɖe dzi. Ɖe sia ɖe ƒe aʋala eve tɔ wo nɔviwo tɔwo le akpa eveawo dzi, eye ɖe sia ɖe tsyɔ aʋala eve." data/train/EZK/EZK_033_Verse_029.mp3,"“Ne nu siawo katã va eme, eye woava eme hã la, ekema woanya be nyagblɔɖila aɖe nɔ yewo dome.”" data/train/EZK/EZK_020_Verse_040.mp3,"Metsɔ nye ɖoɖowo na wo, eye mena wonya wo to nye seawo me, elabena ame si awɔ nye seawo dzi la, anɔ agbe." data/train/EZK/EZK_042_Verse_001.mp3,"Azɔ la, etrɔ do ɖe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòdzidzee wònɔ mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250) le dzidzeti la nu" data/train/EZK/EZK_011_Verse_006.mp3,"“Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: togbɔ be meɖo wo ɖe didiƒe, ɖe dukɔwo dome, eye mekaka wo ɖe anyigbawo dzi hã la, menye sitsoƒe na wo ɣeyiɣi kpui aɖe le anyigba siwo dzi woyi.’" data/train/EZK/EZK_045_Verse_021.mp3,"“ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le ɣleti gbãtɔ me, le ŋkeke gbãtɔa gbe la, ele na mi be miatsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, eye miakɔ Kɔkɔeƒe la ŋu." data/train/EZK/EZK_036_Verse_011.mp3,"“Elabena maɖe mi le dukɔawo dome, maƒo mia nu ƒu tso anyigbawo katã dzi, eye makplɔ mi ava miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi." data/train/EZK/EZK_007_Verse_002.mp3,"“Ame vi, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel ƒe anyigba: “ ‘Nuwuwu la! Nuwuwu la ɖo eɖo xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi!" data/train/EZK/EZK_038_Verse_017.mp3,"Nu siae adzɔ gbe ma gbe. Ne Gog ho aʋa ɖe Israelnyigba ŋu la, mado dziku helĩhelĩ; Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_001_Verse_024.mp3,"Tasiaɖam ƒe afɔawo ƒe dzedzeme kple ale si wowɔ woe la le ale: woklẽna abe adzagba ene, eye wo ame eneawo katã ɖi wo nɔewo. Ɖe sia ɖe dze abe ɖe wowɔe be wòade nu nɔvia me ene." data/train/EZK/EZK_001_Verse_025.mp3,"Wo dometɔ ɖe sia ɖe yia ŋgɔ tẽe. Woyia afi sia afi si gbɔgbɔ la yina la, eye wometrɔna yia teƒe bubu aɖeke o." data/train/EZK/EZK_018_Verse_018.mp3,"“Le kpɔɖeŋu me, ne ame dzɔdzɔe aɖe li, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wole eteƒe" data/train/EZK/EZK_015_Verse_006.mp3,"Ne womete ŋu wɔ eŋu dɔ na naneke esime wònɔ blibo o la, aleke woate ŋu awɔ eŋu dɔ azɔ awɔ nane si ŋu ŋudɔwɔnu le esime dzo bii, eye wòzu aka?" data/train/EZK/EZK_008_Verse_012.mp3,"Eye wògblɔ nam be, “Yi ɖe eme, eye nàkpɔ nu vɔ̃ɖi kple ŋunyɔnu siwo wole wɔwɔm le afi ma”" data/train/EZK/EZK_019_Verse_012.mp3,"Ke wotsoe ƒu anyi le dɔmedzoe me. Ɣedzeƒeya na wòyrɔ, eye woɖe eƒe kutsetsewo ɖa le eŋu. Eƒe alɔ sesẽawo ku, eye dzo fia wo." data/train/EZK/EZK_036_Verse_022.mp3,"Made nye Gbɔgbɔ mia me, mana miawɔ nye ɖoɖowo dzi, eye mialé nye seawo me ɖe asi." data/train/EZK/EZK_008_Verse_004.mp3,"Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si Israel ƒe aƒe la ƒe ametsitsiwo le wɔwɔm le viviti la me, wo dometɔ ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe legba ƒe nɔƒea? Wogblɔ be, ‘Yehowa mele mía kpɔm o; Yehowa gble anyigba la ɖi.’ ”" data/train/EZK/EZK_027_Verse_035.mp3,"“Ŋutsuwo tso Rods tsa asi kpli wò, eye amewo tso ƒuta du ɖe sia ɖe me nye wò nuƒlelawo. Woxe fe na wò kple nyiɖu kple avemeti sesẽwo." data/train/EZK/EZK_046_Verse_003.mp3,"Egblɔ nam be, “Afi siae nunɔlaawo aɖa fɔɖivɔsawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo le. Woame nuɖuvɔsawo hã le afi sia be womatsɔ wo ava xɔxɔnu egodotɔ, eye woakɔ ameawo ŋuti o.”" data/train/EZK/EZK_012_Verse_014.mp3,"Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsi lododo sia nu, eye womagadoe azɔ le Israel o.’ Gblɔ na wo be, ‘Ŋkeke siwo me ŋutega ɖe sia ɖe nava eme la gogo." data/train/EZK/EZK_007_Verse_019.mp3,"“ ‘Togbɔ be woaku kpẽ, eye woawɔ nu sia nu wòasɔ gbe gɔ̃ hã la, ame aɖeke mayi aʋa o, elabena nye dɔmedzoe bi ɖe ameha la kã." data/train/EZK/EZK_036_Verse_016.mp3,"Eya ta metrɔ nye dziku kɔ ɖe wo dzi, elabena wokɔ ʋu ɖe anyigba la dzi, eye wogblẽ kɔ ɖo nɛ kple woƒe legbawo." data/train/EZK/EZK_036_Verse_004.mp3,"“Ame vi, esime Israelviwo nɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi la, wodo gui to woƒe nɔnɔme kple wɔnawo me. Woƒe nɔnɔme le abe nyɔnu ƒe dzinukpɔkpɔ ene le nye ŋkume." data/train/EZK/EZK_022_Verse_020.mp3,"Makaka mi ɖe dukɔwo dome kple anyigbawo dzi, eye matsi miaƒe makɔmakɔnyenye nu." data/train/EZK/EZK_008_Verse_008.mp3,"Emegbe la, ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbo si le anyiehe la gbɔ, eye mekpɔ nyɔnuwo wonɔ anyi ɖe afi ma henɔ fafam na Tamuz." data/train/EZK/EZK_025_Verse_002.mp3,"ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Mele nye asi ɖo ge ɖa ɖe Filistitɔwo ŋu, mawu Keretitɔwo, eye matsrɔ̃ ame siwo susɔ ɖe atsiaƒu la nu." data/train/EZK/EZK_005_Verse_008.mp3,"Ke le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta la, edze aglã ɖe nye sewo kple ɖoɖowo ŋu wu ale si dukɔ kple anyigba siwo ƒo xlãe la wɔ. Egbe nye sewo, eye mezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.’" data/train/EZK/EZK_023_Verse_035.mp3,"Meɖe asi le gbolowɔwɔ si gɔme wòdze le Egipte la ŋu o. Le eƒe ɖetugbime la, ŋutsuwo dɔna kplii, lia asi eƒe akɔnu hewɔa ahasi kplii vivivo." data/train/EZK/EZK_023_Verse_044.mp3,"wodoa awu blɔtɔwo, wonye mɔmefiawo kple amegãwo, wonye nye ɖekakpui dzeɖekɛwo kple sɔdolawo." data/train/EZK/EZK_018_Verse_017.mp3,"“Ke ne viŋutsu sia dzi viŋutsu, ame si kpɔa nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔna, gake togbɔ be ekpɔ fofoa ƒe nu vɔ̃wo hã la, mewɔa nu vɔ̃ ma tɔgbiwo o." data/train/EZK/EZK_003_Verse_017.mp3,"Mana wò aɖe nalé ɖe wò aŋɔ ŋu le wò nu me ale be nàzu aɖetututɔ, eye màte ŋu aka mo na wo o, togbɔ be wonye ame dzeaglãwo hã." data/train/EZK/EZK_047_Verse_015.mp3,"Kutsetseti ƒomeviwo katã atsi ɖe tɔsisi la ƒe go eveawo dzi. Woƒe aŋugbawo malũ xɛ o, eye woƒe kukutsetsewo nu matso o. Woatse ku ɣleti sia ɣleti, elabena tɔsisi tso kɔkɔeƒe la tsa yi wo gbɔ. Woƒe tsetseawo anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋugbawo azu atike.”" data/train/EZK/EZK_023_Verse_036.mp3,"Miaxɔ miaƒe ŋukpenanuwɔwɔwo ƒe tohehe, eye miatsɔ miaƒe legbasubɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenu. Ekema mianya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.”" data/train/EZK/EZK_028_Verse_000.mp3,Àku abe aʋamatsomatsotɔwo ene le amedzrowo ƒe asi me. Nye Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” data/train/EZK/EZK_017_Verse_010.mp3,"eŋe eƒe ɖɔme hetsɔ yi asitsalawo ƒe anyigba dzi, eye wòdoe ɖe asitsalawo ƒe du gã aɖe me." data/train/EZK/EZK_032_Verse_014.mp3,"Le yɔdo la me la, kplɔla ŋusẽtɔwo agblɔ tso Egipte kple ame siwo wòtsɔ aʋae la ŋu be, ‘Wova ɖo tome, eye woamlɔ bolotɔwo, ame siwo tsi yinu la dome.’" data/train/EZK/EZK_007_Verse_023.mp3,"Wodana ɖe woƒe lekewɔnu dzeaniwo dzi, eye wotsɔ wo wɔ woƒe legba nyɔŋuwo kple aklamakpakpɛ vlowo. Eya ta matrɔ nu siawo woazu nu makɔmakɔwo na wo." data/train/EZK/EZK_039_Verse_010.mp3,"“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Azɔ la, makplɔ Yakob agbɔe tso aboyome, makpɔ nublanui na Israelviwo katã, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ta." data/train/EZK/EZK_016_Verse_055.mp3,"Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Esi nètsɔ wò kesinɔnuwo na la, èna ŋutsuwo kpɔ wò amame le wò gbolowɔwɔ me, eye le wò ŋukpenalegbawo katã ta kple esi nètsɔ viwòwo ƒe ʋu na wo ta la," data/train/EZK/EZK_036_Verse_037.mp3,"Woade agble ɖe gbegbewo, eye womaganye gbegbe le emetsolawo ŋkume o." data/train/EZK/EZK_039_Verse_019.mp3,"“ ‘Mana woanya nye ŋkɔ kɔkɔe la le nye amewo, Israelviwo dome. Nyemagana woagado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la o, eye dukɔwo anya be, nye, Yehowae nye Kɔkɔetɔ la le Israel." data/train/EZK/EZK_007_Verse_021.mp3,"Woatsyɔ konyifavɔ, eye woado ŋɔdzi abe awu ene, ŋukpe anɔ mo na wo, eye woalũ ta na wo." data/train/EZK/EZK_012_Verse_010.mp3,"“Eya ta gblɔ na wo be, Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Nye nyawo dometɔ aɖeke magahe ɖe megbe azɔ o. Nya sia nya si megblɔ la ava eme.’ Aƒetɔ Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.”" data/train/EZK/EZK_037_Verse_022.mp3,"Nye nɔƒe anɔ wo dome; manye woƒe Mawu, eye woanye nye amewo." data/train/EZK/EZK_004_Verse_016.mp3,"Yehowa gblɔ be, “Ale Israelviwo aɖu nu makɔmakɔ le dukɔwo dome, afi si manya wo aɖo ɖo.”" data/train/EZK/EZK_044_Verse_028.mp3,"Woaɖu nuɖuvɔsawo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo kple fɔɖivɔsawo, eye nu sia nu si le Israel si wotsɔ na Yehowa la, anye wo tɔ." data/train/EZK/EZK_016_Verse_040.mp3,"“Ke èɖo ŋu ɖe wò tugbedzedze ŋu, eye nèwɔ wò ŋkɔxɔxɔ ŋu dɔ hezu gbolo. Ènyoa dɔ me na ame sia ame si tsoa eme va yina, eye wò tugbedzedze zua etɔ." data/train/EZK/EZK_022_Verse_002.mp3,"“Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnuia? Àdrɔ ʋɔnu ʋukɔkɔɖi ƒe dua? Ekema tsɔ eƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖo eƒe ŋkume," data/train/EZK/EZK_043_Verse_027.mp3,Ŋutega si mekpɔ la ɖi ŋutega si mekpɔ esi wòva be yeagbã du la kple ŋutega si mekpɔ le Kebar tɔsisi la to. Tete metsyɔ mo anyi. data/train/EZK/EZK_035_Verse_014.mp3,"Mieƒo adegbe, tsi tsitre ɖe ŋunye, miegblɔ nya vɔ̃wo bababa ɖe ŋunye, eye mese wo." data/train/EZK/EZK_038_Verse_021.mp3,"Wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ geɖe siwo le dziwò la, miaɖe zɔ abe ahomya ene; mianɔ abe lilikpo ene atsyɔ anyigba la dzi.”" data/train/EZK/EZK_046_Verse_001.mp3,"Azɔ la, ekplɔm yi xɔxɔnu egodotɔ, eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe dzogoe eneawo dzi." data/train/EZK/EZK_033_Verse_020.mp3,"“Ke wò ya la, Ame vi, wò dukɔmetɔwo le nu ƒom le ŋuwò le gliwo ŋu kple le woƒe aƒetɔ ƒe ʋɔtruwo nu. Wole gbɔgblɔm na wo nɔewo be, ‘Miva se gbedeasi si tso Yehowa gbɔ.’" data/train/EZK/EZK_033_Verse_023.mp3,"Mana anyigba la nazu aƒedo kple gbegbe, eye eƒe ŋusẽ si ŋu wòƒoa adegbe le la nu atso. Israel ƒe towo atsi ƒuƒlu ale be ame aɖeke magate ŋu ato wo dzi ayi o." data/train/EZK/EZK_020_Verse_022.mp3,"Ke le nye ŋkɔ ta, mewɔ nu si aɖe nye ŋkɔ tso gudodoe me le dukɔ siwo ŋkume meɖe wo tso Egipte le." data/train/EZK/EZK_046_Verse_013.mp3,"Le Dzudzɔgbewo kple Ɣleti Yeyewo ƒe ŋkekenyuiwo dzi la, anyigba la dzi nɔlawo asubɔ le Yehowa ŋkume le agbo la ƒe mɔnu." data/train/EZK/EZK_020_Verse_011.mp3,"“Eya ta Ame vi, ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: le esia me hã la, mia fofowo gblɔ busunyawo ɖe ŋunye esi wotrɔ le yonyeme." data/train/EZK/EZK_022_Verse_018.mp3,"Le mewò la, wodoa vlo fofo kple dada, le mewò la, wotea amedzrowo ɖe to, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ŋuti." data/train/EZK/EZK_010_Verse_016.mp3,Wo ame eneawo katã woɖi wo nɔewo; wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ abe tasiaɖamfɔti ɖeka ko wonye ge ɖe nɔvia me ene. data/train/EZK/EZK_025_Verse_014.mp3,"matsɔ mi ade asi na Ɣedzeƒenyigbadzitɔwo, miazu wo tɔ. Woatso nɔƒe, eye woatu woƒe agbadɔwo ɖe mia dome; woaɖu miaƒe kutsetsewo, eye woano miaƒe notsi." data/train/EZK/EZK_047_Verse_022.mp3,"To sia to si me amedzro la tsi la, afi mae miana eƒe domenyinu le.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_016_Verse_062.mp3,"Woatɔ dzo wò aƒewo, eye woahe to na wò le nyɔnu geɖewo ŋkume. Matsi wò gbolowɔwɔ nu, eye màgaxe fe na wò ahiãviwo o." data/train/EZK/EZK_023_Verse_014.mp3,"“Elabena alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esusɔ vie matsɔ wò ade asi na ame siwo nèlé fui, ame siwo yome nètrɔ le kple dɔmedzoe." data/train/EZK/EZK_003_Verse_026.mp3,"Yehowa ƒe asi nɔ dzinye le afi ma, eye wògblɔ nam be, “Tsi tsitre, nàyi bali la me, eye maƒo nu na wò le afi ma.”" data/train/EZK/EZK_023_Verse_017.mp3,"Esi wòyi eƒe gbolowɔwɔ dzi le gaglãgbe, eye wòɖe amama fia amewo ta la, meɖe asi le eŋu kple dɔmedzoe abe ale si meɖe asi le nɔvia nyɔnu ŋu kple dɔmedzoe ene." data/train/EZK/EZK_019_Verse_001.mp3,"“ ‘Dawò nɔ abe wainti ene le wò wainbɔ me. Wodoe ɖe tsi gbɔ. Etsea ku, eye wòɖe alɔwo fũu le tsi ƒe agbɔsɔsɔ le afi ma ta." data/train/EZK/EZK_034_Verse_025.mp3,"Nye alẽwo tsa tsaglalã le towo kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi. Wokaka ɖe afi sia afi le anyigba dzi, eye ame aɖeke medi wo o.’" data/train/EZK/EZK_036_Verse_002.mp3,"“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Magaɖo to Israel ƒe aƒe ƒe kokoƒoƒo, eye mawɔ nu sia na wo. Mana eƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene," data/train/EZK/EZK_048_Verse_015.mp3,Isaka axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Simeon tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. data/train/EZK/EZK_014_Verse_001.mp3,"“Alo ne meɖo lã wɔadãwo ɖa be woato anyigba ma dzi, eye wowu wo viwo katã, eye anyigba la zu gbegbe, ale be ame aɖeke magate ŋu ato edzi ayi o le lã wɔadãawo ta la," data/train/EZK/EZK_014_Verse_012.mp3,"Eya ta gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne Israelvi aɖe li legbawo ɖe eƒe dzi me, tsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi da ɖe eƒe ŋkume, eye wòyi nyagblɔɖila aɖe gbɔ la, nye, Yehowa, ŋutɔ maɖo nya la ŋu nɛ le eya ŋutɔ ƒe legbawo ƒe agbɔsɔsɔ nu." data/train/EZK/EZK_045_Verse_023.mp3,"Teƒe sia anye etɔ le Israel. Nye fiaviŋutsuwo magate nye amewo ɖe to o, ke boŋ woaɖe mɔ na Israel ƒe aƒe la be anyigba la nanye wo tɔ le woƒe towo nu." data/train/EZK/EZK_014_Verse_019.mp3,"“ ‘Ne Israelvi alo amedzro aɖe si le Israel gbe nu le gbɔnye, eye wòɖo legbawo ɖe eƒe dzi me hetsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi aɖe ɖo eƒe ŋkume hafi yi nyagblɔɖila aɖe gbɔ be yeabia nyae tso ŋunye la, nye Yehowa ŋutɔ, maɖo nya la ŋu nɛ." data/train/EZK/EZK_033_Verse_003.mp3,"“Ame vi, ƒo nu na wò dukɔmetɔwo, eye nàgblɔ na wo be ne metsɔ yi ɖe dukɔ aɖe ŋu, eye dukɔa me tɔwo tia wo dometɔ ɖeka wòzu gbetakplɔla," data/train/EZK/EZK_023_Verse_034.mp3,"Mekpɔe be eya hã do gu eɖokui, eye wo ame eve la siaa to mɔ ɖeka ma." data/train/EZK/EZK_020_Verse_047.mp3,"Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Mizɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ ɖe nye seawo dzi." data/train/EZK/EZK_009_Verse_002.mp3,"Esi wonɔ ameawo wum, eye nye ɖeka metsi anyi la, metsyɔ mo anyi, eye medo ɣli be, “Ao! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nèle Israel ƒe ame mamlɛawo katã tsrɔ̃ ge le wò dɔmedzoe kɔkɔ sia ɖe Yerusalem ŋu la mea?”" data/train/EZK/EZK_013_Verse_014.mp3,"Mavuvu miaƒe motsyɔnuwo, maɖe nye amewo tso miaƒe asi me, eye womaganɔ miaƒe ŋusẽ te o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa." data/train/EZK/EZK_008_Verse_003.mp3,"Egblɔ nam be, “Ame vi, azɔ la, ku do ɖe gli la me.” Ale meku do ɖe gli la me, eye mekpɔ mɔnu aɖe le afi ma." data/train/EZK/EZK_004_Verse_005.mp3,"Emegbe la, egblɔ nam be, “Ame vi, mana be nuɖuɖu magaɖo Yerusalem o. Amewo aɖu nu si woama na wo le dzitsitsi me, eye woano tsi si woadzidze ama na wo le dziɖeleameƒo me," data/train/EZK/EZK_044_Verse_014.mp3,Mele be woate ɖe ŋunye be yewoasubɔm abe nunɔlawo ene alo ate ɖe nye nu kɔkɔewo alo nye vɔsa kɔkɔewo ŋu o. Ele na wo be woatsɔ woƒe ŋukpenanuwɔnawo ƒe ŋukpe. data/train/EZK/EZK_045_Verse_006.mp3,"Ele na mi be miawɔ nudanu dzɔdzɔewo ŋu dɔ, nudanu kple nudzidzenu si de." data/train/EZK/EZK_002_Verse_001.mp3,"Egblɔ be, “Ame vi, mele ɖowòm ɖe Israelviwo gbɔ, ɖe dukɔ dzeaglã aɖe si dze aglã ɖe ŋunye la gbɔ. Woawo kple wo fofowo dze aglã ɖe ŋunye va se ɖe egbeŋkeke sia dzi." data/train/EZK/EZK_037_Verse_002.mp3,"“Ame vi, tsɔ ati aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi be, ‘Enye Yuda kple Israelvi siwo dea ha kplii la tɔ.’ Emegbe la, nàtsɔ ati bubu, eye nàŋlɔ ɖe edzi be, ‘Efraim ƒe ati, enye Yosef kple Israel ƒe aƒe siwo katã dea ha kplii la tɔ.’" data/train/EZK/EZK_021_Verse_006.mp3,"Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam," data/train/EZK/EZK_043_Verse_011.mp3,"eye mekpɔ Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe wògbɔna tso ɣedzeƒe. Eƒe gbe ɖi tɔsisiwo ƒe hoowɔwɔ, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba la nɔ keklẽm." data/train/EZK/EZK_023_Verse_000.mp3,"Ahamumu kple nuxaxa ayɔ mewò. Nɔviwò nyɔnu, Samaria, ƒe kplu nye tsɔtsrɔ̃ kple aƒedozuzu ƒe kplu." data/train/EZK/EZK_001_Verse_001.mp3,"Ale si anyieʋɔ dzena le lilikpowo me ne tsi dza la, nenema keklẽ la nɔ ƒo xlãe. Esia dze abe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ene. Esi mekpɔe la, medze anyi, tsyɔ mo anyi, eye mese ame aɖe ƒe gbe." data/train/EZK/EZK_033_Verse_008.mp3,"“Eya ta Ame vi, gblɔ na wò dukɔmetɔwo be, ‘Ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye maɖee, ne egbe toɖoɖo o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mana wòaku, ne etrɔ dzi me o. Ne ame dzɔdzɔe wɔ nu vɔ̃ la, womaɖe mɔ nɛ be wòanɔ agbe le eƒe tsã ƒe dzɔdzɔenyenye ta o.’" data/train/EZK/EZK_039_Verse_025.mp3,"Ne wole anyigba la dzi tsam, eye wo dometɔ ɖeka kpɔ ameƒu aɖe la, ade dzesi teƒe la va se ɖe esime yɔdokulawo aɖii ɖe Hamɔn Gog ƒe Balime." data/train/EZK/EZK_016_Verse_007.mp3,"Ale wodo wo ɖokuiwo ɖe dzi, eye wowɔ ŋukpenanuwo le nye ŋkume. Eya ta meɖe wo ɖa abe ale si miekpɔe ene." data/train/EZK/EZK_014_Verse_020.mp3,"nenye be ame etɔ̃ siawo, Noa, Daniel kple Hiob gɔ̃ hã anɔ wo dome. Woatsɔ woƒe dzɔdzɔenyenye aɖe woawo ŋutɔ ɖeɖe ko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_008_Verse_018.mp3,"Mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ nane abe ame ene. Tso eƒe afi si dze abe ali gbɔ ene yi anyigba lɔƒo la le abe dzo bibi ene, eye tso afi ma yi dzi lɔƒo la, eƒe dzedzeme le abe ga keklẽ ene." data/train/EZK/EZK_016_Verse_004.mp3,"Ale mabla nu kple wò, eye nànya be nyee nye Yehowa." data/train/EZK/EZK_044_Verse_015.mp3,"“ ‘Ne dzrenya aɖe dzɔ la, nunɔlaawo awɔ dɔ abe ʋɔnudrɔ̃lawo ene, eye woatso nya me le nye sewo nu. Woalé nye sewo kple ɖoɖowo na ŋkekenyui ɖoɖiwo me ɖe asi, eye woawɔ nye Dzudzɔgbe la kɔkɔe." data/train/EZK/EZK_027_Verse_019.mp3,"Ne wofa avi, eye wofa konyi ɖe tawò la, woakpa konyifaha aɖe ɖe ŋuwò be, Ame kae wona wòzi ɖoɖoe kpɔ abe Tiro, du si atsiaƒu ƒo xlãe ene?" data/train/EZK/EZK_026_Verse_005.mp3,"Atsɔ yi awu wò du siwo le anyigba dzi la me tɔwo, atu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo ɖe ŋuwò, aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye wòakɔ akpoxɔnu dzi ɖe ŋuwò." data/train/EZK/EZK_012_Verse_005.mp3,"“Ame vi, ɖe Israel ƒe aƒe dzeaglã ma me tɔwo mebia wò be, ‘Nu ka wɔm nèle?’ o mahã." data/train/EZK/EZK_039_Verse_000.mp3,"Àdze anyi ɖe gbedzi, elabena meƒo nu; Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_007_Verse_020.mp3,"Tsɔtsrɔ̃ va mia dzi mi anyigbadzinɔlawo dzi. Ɣeyiɣi la de, ŋkeke la tu aƒe. Nuxaxa le toawo dzi, dzidzɔ aɖeke meli o." data/train/EZK/EZK_004_Verse_017.mp3,Ɖu nu la abe lubolo ene. Mee le ameawo ƒe ŋkume le dzo si wodo kple amegbetɔ ƒe afɔdzi la dzi.” data/train/EZK/EZK_039_Verse_020.mp3,"Matrɔ wò to eme ahe wò. Makplɔ wò tso keke anyiehe ke, eye mana nàtso ɖe Israel ƒe towo ŋu." data/train/EZK/EZK_021_Verse_026.mp3,"Togbɔ be aʋatsoŋutegawo ƒe alakpaɖeɖefiawo le ŋuwò hã la, woatsɔe ada ɖe kɔ dzi na ame vɔ̃ɖi siwo wole wuwu ge, ame siwo ƒe ŋkeke de, eye woƒe tohehe ƒe ɣeyiɣi ɖo eƒe kɔkɔƒe." data/train/EZK/EZK_044_Verse_010.mp3,"Kpe ɖe miaƒe ŋukpenanuwɔna bubuawo ŋu la, miekplɔ amedzro, ame siwo wometso aʋa na le dzi me alo le ŋutilã me o la, va nye kɔkɔeƒe la, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye gbedoxɔ la le esime miena nuɖuɖum, lãmi kple ʋu, eye mietu nye nubabla la." data/train/EZK/EZK_017_Verse_019.mp3,"Ke fia la dze aglã ɖe eŋu esi wòɖo eƒe amewo ɖe Egipte be woaxɔ sɔwo kple aʋakɔ gã aɖe vɛ. Adze edzi nɛa? Ɖe ame si wɔ nu sia tɔgbi la ate ŋu asia? Ɖe wòatu nubabla la, gake ate ŋu asia?’" data/train/EZK/EZK_011_Verse_022.mp3,"Wogblɔna be, ‘Menye ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ woatu xɔwo oa?’ Du sia nye nuɖaze aɖe, eye míawoe nye lã la." data/train/EZK/EZK_024_Verse_003.mp3,"“Ame vi, ŋlɔ ŋkeke sia, ŋkeke sia tututu da ɖi, elabena Babilonia fia ɖe to ɖe Yerusalem le ŋkeke sia tututu dzi." data/train/EZK/EZK_014_Verse_017.mp3,"Matɔ ŋku ame ma, mawɔe wòanye kpɔɖeŋu kple nyatoto, eye maɖee ɖa le nye amewo dome. Ekema mianyae be, nyee nye Yehowa.’" data/train/EZK/EZK_014_Verse_005.mp3,"“Ame vi, ne dukɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutinye, eye meto nyateƒe nam o la, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu be maɖo asi eƒe nuɖuɖukpɔtsoƒe dzi; ekema dɔwuame ava edzi, eye mawu eƒe amewo kple eƒe lãwo," data/train/EZK/EZK_023_Verse_039.mp3,"“Ohola nɔ gbolo wɔm le esime wòganye tɔnye ko, eye wòtiaa eƒe ahiãviwo yome vevie. Ame siawo nye aʋawɔlawo tso Asiria," data/train/EZK/EZK_021_Verse_003.mp3,"“Ame vi, de dzesi mɔ eve be Babilonia fia ƒe yi nato; mɔ eve siawo nadze egɔme tso anyigba ɖeka ma ke dzi. Tu mɔfiati aɖe ɖe afi si mɔa dze le ɖo ta du la me." data/train/EZK/EZK_023_Verse_001.mp3,"“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kplɔ ameha aɖe vɛ ɖe wo ŋu, eye nàtsɔ wo ade asi na ŋɔdzinuhaha.’" data/train/EZK/EZK_024_Verse_025.mp3,"Ɖe hũu ɖɔɖɔɖɔ; mègafa ame kukuwo o. Sa wò tablanu sesĩe, eye nàdo wò tokota; mègatsɔ nu bla wò glã loo alo nàɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.”" data/train/EZK/EZK_048_Verse_026.mp3,Simeon axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Benyamin ƒe teƒe tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. data/train/EZK/EZK_024_Verse_002.mp3,"“Ame vi, mele nu si doa dzidzɔ na wò ŋkuwo la ɖe ge ɖa kpata. Ke mègafa konyi alo afa avi loo alo ana wò aɖatsi nado o." data/train/EZK/EZK_002_Verse_000.mp3,"Ame siwo gbɔ mele ɖowòm ɖo la nye kɔlialiatɔwo kple tosesẽtɔwo. Gblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ la nye esi." data/train/EZK/EZK_043_Verse_017.mp3,"Ne èwu eŋutikɔkɔ nu vɔ la, ele na wò be nàna nyitsu fɛ̃ aɖe kple agbo aɖe tso lãha la me; kpɔtsɔtsɔ manɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o." data/train/EZK/EZK_042_Verse_017.mp3,"Xɔ si ƒe ʋɔtru dze ŋgɔ anyiehe la didi mita blaatɔ̃, eye wòkeke mita blaeve vɔ atɔ̃." data/train/EZK/EZK_038_Verse_005.mp3,"“Ame vi, trɔ wò mo ɖe Gog ŋu, ɖe Magognyigba, ame si nye amegã le Mesek kple Tubal ŋu, nàgblɔ nya ɖi ɖe eŋu," data/train/EZK/EZK_041_Verse_007.mp3,"Edzidze gbedoxɔ emetɔ ƒe didime; esia nye mita ewo, eye eƒe kekeme nye mita ewo. Egblɔ nam be, “Esiae nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe.”" data/train/EZK/EZK_046_Verse_004.mp3,"Egblɔ nam be, “Esiawoe nye dzodoƒe siwo me ame siwo subɔna le gbedoxɔ la me la aɖa ameawo ƒe vɔsanuwo le.”" data/train/EZK/EZK_007_Verse_001.mp3,"Ame siwo katã atsi agbe, eye woasi la, woayi toawo dzi, anɔ konyi fam abe ahɔnɛ siwo le baliwo me ene, ɖe sia ɖe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta." data/train/EZK/EZK_020_Verse_012.mp3,"“Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe miado gu mia ɖokuiwo abe ale si mia fofowo wɔ, biã ŋku ɖe aklamakpakpɛ dzodzrowo ŋua?" data/train/EZK/EZK_013_Verse_017.mp3,"Mieyi glia ƒe gbagbãƒewo ne miadzrae ɖo na Israel ƒe aƒe la, ale be wòate ŋu anɔ te sesĩe le aʋa me le Yehowa ƒe ŋkeke la dzi o." data/train/EZK/EZK_040_Verse_027.mp3,"Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ƒe dzidzeme nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la nu kple eƒe akpata la ŋu godoo va kpe. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã." data/train/EZK/EZK_018_Verse_021.mp3,"Medoa ga, xɔa deme ɖe edzi o, alo baa ame o. Eɖea eƒe asi ɖa le nu vɔ̃ wɔwɔ me, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe le ame kple ehavi dome." data/train/EZK/EZK_017_Verse_020.mp3,"“ ‘Ke hɔ̃ gã bubu aɖe li, si ŋu aʋala sesẽ nɔ, eye wòto fu kpoyo. Wainka la trɔ eƒe kewo ɖo ɖe egbɔ tso afi si wodoe ɖo, eye wòkeke eƒe aʋalawo hena tsii." data/train/EZK/EZK_017_Verse_014.mp3,"“Gblɔ na wo be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ɖe wòava eme nenema? Ɖe womahoe, eye woagbe eƒe kutsetsewo, ale be wòaku oa? Eƒe alɔ yeyewo katã aku. Menye abɔ sesẽ aɖe alo ame geɖewoe ahoe kple ke o." data/train/EZK/EZK_044_Verse_026.mp3,"Woate ŋu asubɔ le nye kɔkɔeƒe la, adzɔ gbedoxɔ la ƒe agbowo ŋu, eye woasubɔ le afi ma; woate ŋu awu numevɔsawo ƒe lãwo kple ameawo tɔwo, woatsi tsitre ɖe ameawo ŋkume, eye woasubɔ wo." data/train/EZK/EZK_011_Verse_021.mp3,"“Woagbugbɔ va edzi, eye woaɖe eƒe aklamakpakpɛ maɖinuwo katã kple legba nyɔŋuwo katã ɖa." data/train/EZK/EZK_035_Verse_010.mp3,"Mana ame kukuwo nayɔ toawo dzi, ame siwo tsi yi nu la nayɔ wò togbɛwo dzi, wò baliwo me kple wò gbadzaƒewo katã." data/train/EZK/EZK_042_Verse_018.mp3,"Xɔtamexɔ etɔ̃liawo me mekeke abe etetɔwo me ene o, elabena sɔtiwo ƒe akpata xɔ teƒe le wo si." data/train/EZK/EZK_022_Verse_001.mp3,"Abe ale si wololõa klosalo le kpodzo me ene la, nenema woalolõ mi le emee, eye mianya be nye, Yehowae trɔ nye dɔmedzoe kɔ ɖe mia dzi.’ ”" data/train/EZK/EZK_041_Verse_006.mp3,"Azɔ la, eyi gbedoxɔ emetɔ me, eye wòdzidze ʋɔtru la ƒe domegliwo: ɖe sia ɖe keke mita ɖeka. Mɔnu la keke mita etɔ̃, eye gli siwo le eƒe axawo dzi la keke mita etɔ̃ kple afã." data/train/EZK/EZK_005_Verse_002.mp3,"“Ekema nye dziku nu atso, eye nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu nu abɔbɔ, nye dzi afa, eye woanya be nye, Yehowae ƒo nu kple ŋuʋaʋã nenye be metrɔ nye dziku katã kɔ ɖe wo dzi." data/train/EZK/EZK_040_Verse_004.mp3,"Akpata siwo ƒo xlã xɔxɔnu emetɔ la keke mita wuieve kple afã, eye wode eme mita eve kple afã." data/train/EZK/EZK_006_Verse_012.mp3,Woanya be nyee nye Yehowa; nyemedo ŋɔdzi na wo dzodzro be mahe dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzii o.” data/train/EZK/EZK_023_Verse_040.mp3,"Tsitsitɔ ŋkɔe nye Ohola, eye nɔvia tɔe nye Oholiba. Wonye tɔnyewo, eye wodzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nam. Oholae nye Samaria, eye Oholiba nye Yerusalem." data/train/EZK/EZK_021_Verse_008.mp3,"Do ɣli eye nàfa avi, Ame vi, elabena egbɔna dzɔdzɔ ge ɖe nye amewo dzi, ɖe Israel ƒe dziɖulawo katã dzi. Woda wo kple nye amewo ɖe yinu, eya ta ƒo wò akɔta." data/train/EZK/EZK_023_Verse_005.mp3,"Ale ŋukpenanu siwo nèwɔ le wò ɖetugbime gadzro wò esime nènɔ Egipte, woli asi wò akɔnu, eye wolé wò ɖetugbimeno." data/train/EZK/EZK_018_Verse_004.mp3,"Esi wòbu nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ ŋu, eye wòɖe asi le eŋu ta la, anɔ agbe godoo; maku o." data/train/EZK/EZK_024_Verse_013.mp3,"Eya ta fɔ nake da ɖe nakekɔ la dzi, eye nàdo dzo. Ɖa lã la nyuie, nàde detsiƒonu ʋeʋĩwo eme, eye nàna ƒuawo nafia." data/train/EZK/EZK_020_Verse_021.mp3,"Ke le nye ŋkɔ ta, mekplɔ wo do goe tso Egipte dukɔ la me. Mewɔ nu sia be womagado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo dome wonɔ, ame siwo dome meɖe ɖokuinye fia Israel le." data/train/EZK/EZK_017_Verse_000.mp3,"“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Nye ŋutɔ maŋe sedati aɖe ƒe ɖɔme tso etame ke, eye madoe. Maŋe eƒe ɖɔme ado, eye madoe ɖe to kɔkɔ aɖe dzi." data/train/EZK/EZK_021_Verse_018.mp3,"“Eye wò, Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Alea Yehowa gblɔ tso Amonitɔwo kple woƒe amedzudzuwo ŋue nye esi: “ ‘Yi, yi, woɖee le aku me na amewuwu, wotutu eŋu wòle dzo dam abe dzikedzo ene hena nugbegblẽ." data/train/EZK/EZK_043_Verse_003.mp3,"Ele na wò be nàku lã la ƒe ʋu aɖe asi ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzo eneawo kple kɔ eneawo ƒe dzogoewo ŋu aƒo xlã kpe ɖo, ale nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu, eye nàlé avu ɖe enu." data/train/EZK/EZK_010_Verse_018.mp3,"Woate ŋu ase kerubiawo ƒe aʋalaƒoƒo ƒe ɖiɖi le keke xɔxɔnu egodotɔ ke abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe, ne eƒo nu ene." data/train/EZK/EZK_029_Verse_002.mp3,Amegbetɔ alo lã aɖeke ƒe afɔ magato edzi o. Ame aɖeke maganɔ afi ma o ƒe blaene sɔŋ. data/train/EZK/EZK_018_Verse_024.mp3,"Meɖua nu le nuxeƒewo, le tawo dzi loo alo kpɔa Israel ƒe aƒe ƒe legbawo dzi ɖa o. Medɔa nɔvia srɔ̃ gbɔ o. Alo dɔa nyɔnu gbɔ ne ekpɔ dzinu o." data/train/EZK/EZK_034_Verse_005.mp3,"Dukɔwo magaha wo azɔ o, eye lã wɔadãwo magavuvu wo o. Woanɔ anyi le dedinɔnɔ me, eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo o." data/train/EZK/EZK_001_Verse_017.mp3,"Ne nu gbagbeawo ɖe zɔ la, woawo hã ɖea zɔ; ne nu gbagbeawo tɔ la, woawo hã tɔna, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokuiwo dzi tso anyigba la, tasiaɖam ƒe afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi tso anyigba abe nu gbagbeawo ene, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ tasiaɖam ƒe afɔawo me." data/train/EZK/EZK_028_Verse_008.mp3,"“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Be nèbu be yenya nu, yenya nu abe mawu aɖe ene ta la," data/train/EZK/EZK_026_Verse_010.mp3,"“Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Makplɔ Nebukadnezar, Babilonia fia, fiawo dzi fia tso anyiehe, wòaho aʋa ɖe Tiro ŋu kple tasiaɖamwo kple sɔwo kple sɔdolawo kple aʋakɔ gã aɖe." data/train/EZK/EZK_035_Verse_003.mp3,"“Elabena ègblɔ be, ‘Dukɔ eve kple anyigba eve siawo anye mía tɔwo, eye míaxɔ wo’ togbɔ be nye, Yehowa, menɔ afi ma hã." data/train/EZK/EZK_007_Verse_027.mp3,"Ɣeyiɣi de, ŋkeke la va ɖo. Nudzrala megatso aseye, eye nuƒlela megafa konyi o, elabena dɔmedzoe dze ɖe ameha la katã dzi." data/train/EZK/EZK_032_Verse_032.mp3,"Ɖe womemlɔ aʋawɔla bubuawo, ame siwo nye bolotɔwo dome, ame siwo ku, woyi yɔdo la me kple woƒe aʋawɔnuwo, ame siwo ƒe yi wotsɔ da ɖe woƒe ta te oa? Woƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe le woƒe ƒuwo dzi togbɔ be aʋawɔla siawo ƒe ŋɔdzidoname xɔ agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã." data/train/EZK/EZK_016_Verse_049.mp3,"“Mele tsi na wò, klɔ ʋu ɖa le ŋuwò, eye mesi ami na wò." data/train/EZK/EZK_048_Verse_034.mp3,Yuda axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Ruben ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. data/train/EZK/EZK_048_Verse_002.mp3,"Anyigba la ƒe akpa si susɔ, si ɖe liƒo kple teƒe kɔkɔe la, eye wòmlɔ eƒe didime xa la, adidi mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣedzeƒe lɔƒo, mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Eƒe agblemenukuwo anye nuɖuɖu na dua me dɔwɔlawo." data/train/EZK/EZK_011_Verse_025.mp3,"Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yi dzi tso dua me, eye wòtɔ ɖe to si le dua ƒe ɣedzeƒe la tame." data/train/EZK/EZK_005_Verse_016.mp3,"Ne wò toɖeɖe ɖe du la ƒe ŋkekewo wu enu la, tɔ dzo ɖa la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka le dua me. Tsɔ yi la ƒo mama evelia ƒo xlã du la, eye nàwu mama etɔ̃lia ɖe yame, elabena maɖe yi le aku me atsɔ anya wo ɖe du nu." data/train/EZK/EZK_031_Verse_007.mp3,"Dziƒoxeviwo katã dze ɖe ati si mu la dzi, eye gbemelãwo katã nɔ eƒe alɔdzewo dome." data/train/EZK/EZK_016_Verse_051.mp3,"Mena nètsi abe ati si le gbedzi ene. Ètsi eye nètrɔ zu kpe xɔasi dzeanitɔ abe ɖetugbi vavã aɖe ene. Ète no, ɖa to mlɔmlɔmlɔ ɖe wò ame si nɔ ƒuƒlu la ŋu." data/train/EZK/EZK_020_Verse_036.mp3,"Maɖe ame siwo dze aglã ɖe ŋutinye la ɖa le mia dome. Togbɔ be makplɔ wo adzoe le anyigba si dzi wole hã la, womaɖo afɔ Israelnyigba dzi o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’" data/train/EZK/EZK_032_Verse_004.mp3,"“Asiria le afi ma kple eƒe aʋakɔ blibo la; eƒe ame siwo wowu la ƒe yɔdowo ƒo xlãe, ame siwo katã tsi yinu." data/train/EZK/EZK_048_Verse_023.mp3,Naftali axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Aser ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. data/train/EZK/EZK_038_Verse_014.mp3,"Maha wo, eye makɔ nye asi dzi ɖe du siwo gbã, eye wogbugbɔ wo tu kple ame siwo nu woƒo ƒui tso dukɔwo me, ame siwo si lãwo kple nunɔamesiwo le, eye wole anyigba la titina la ŋu.”" data/train/EZK/EZK_004_Verse_004.mp3,"elabena nuɖuɖu kple tsi magabɔ o. Ne wokpɔ wo nɔewo la, woƒe nu aku, eye woatsrɔ̃ le woƒe nu vɔ̃wo ta.”" data/train/EZK/EZK_028_Verse_003.mp3,"“Ame vi, gblɔ na Tiro fia be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le wò dzi ƒe dada me la, ègblɔ be, “ ‘Mawu aɖe menye, menɔ anyi ɖe fia aɖe ƒe fiazikpui dzi le atsiaƒu titina.’ Ke amegbetɔ ko nènye, menye mawu aɖekee nènye o, togbɔ be èbuna be yenya nu abe mawu aɖe ene hã." data/train/EZK/EZK_009_Verse_008.mp3,"Mekpɔ ame ade wotso dzigbegbo si dze ŋgɔ anyiehe la gbɔ gbɔna; ɖe sia ɖe lé aʋawɔnu dziŋɔ aɖe ɖe asi. Ame aɖe nɔ wo dome, edo aklala biɖibiɖi ƒe awu, eye wòkpla agbalẽŋlɔnuwo ɖe eƒe axame. Woge ɖe eme, eye wotsi tsitre ɖe akɔblivɔsamlekpui la xa." data/train/EZK/EZK_005_Verse_005.mp3,"“Eya ta nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Nye ŋutɔ medo dɔmedzoe ɖe wò, Yerusalem ŋu, eye mahe to na wò le dukɔwo ŋkume." data/train/EZK/EZK_039_Verse_011.mp3,"“ ‘Gbe ma gbe la, mana ameɖiƒe Gog le Israel le ame siwo zɔa mɔ yia ɣetoɖoƒe, ɖoa ta Atsiaƒu la gbɔ la ƒe balime. Axe mɔ na mɔzɔlawo, elabena woaɖi Gog kple eƒe ameha la katã ɖe afi ma. Ale woayɔe be Hamɔn Gog ƒe balime." data/train/EZK/EZK_007_Verse_018.mp3,"Nyemakpɔ nublanui na mi loo alo ana miakpɔ ɖeɖe o. Mahe to na mi ɖe miaƒe nɔnɔme kple ŋukpenanu siwo le edzi yim le mia dome la ta kokoko. “ ‘Ekema mianya be, nyee nye Yehowa.’" data/train/EZK/EZK_024_Verse_006.mp3,"Be nye dziku nafla, eye mabia hlɔ̃ ta la, mekɔ eƒe ʋu ɖe agakpe ƒuƒlu dzi, ale be ʋuʋudedi matsyɔ edzi o." data/train/EZK/EZK_023_Verse_029.mp3,"Ke ŋutsu dzɔdzɔewo ada nyɔnu ahasitɔwo kple ʋukɔɖilawo ƒe tohehe ɖe wo dzi, elabena wonye ahasitɔwo, eye ʋu ƒo asi na wo." data/train/EZK/EZK_036_Verse_023.mp3,"Madzi amewo kple lãwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi le mia dzi, woadzi, eye woasɔ gbɔ. Mana amewo nanɔ mia dzi abe tsã ene, eye nuwo anyo na mi wu tsã. Ekema mianya be, nyee nye Yehowa." data/train/EZK/EZK_043_Verse_012.mp3,"eye ne ŋu kpe wo le nu siwo wowɔ ta la, na woanya gbedoxɔ la ƒe nɔnɔme, afi siwo woato age ɖe eme kple afi siwo woato ado go, eƒe nɔnɔme blibo la kple ɖoɖowo katã kple seawo katã. Ŋlɔ nu siawo da ɖi le woƒe ŋkume, ale be woalé woƒe ɖoɖowo kple sewo me ɖe asi." data/train/EZK/EZK_007_Verse_007.mp3,"Fia la afa konyi, dzi aɖe le fiavi la ƒo, eye anyigba la dzi tɔwo ƒe asiwo adzo nyanyanya. Matu nu kpli wo le woƒe nɔnɔme nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woawo ŋutɔ ƒe gɔmesese nu. “ ‘Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”" data/train/EZK/EZK_018_Verse_007.mp3,"Ezɔna ɖe nye ɖoɖowo nu, eye wòwɔa nye seawo dzi nyateƒetɔe. Ame ma nye ame dzɔdzɔe, eye wòanɔ agbe godoo.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_013_Verse_020.mp3,"O Israel, wò nyagblɔɖilawo le abe abei siwo le gli gbagbãwo dome ene." data/train/EZK/EZK_018_Verse_016.mp3,"Ke ne nu vɔ̃ wɔla aɖe ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ siwo wòwɔ ŋu, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wònyo la, aɖe eƒe agbe." data/train/EZK/EZK_021_Verse_019.mp3,Gbegblẽ! Gbegblẽ! Mawɔe wòazu gbegblẽ. Womagbugbɔe aɖo te o va se ɖe esime wòava aɖo ame si tɔ wònye la ƒe asi me; eyae matsɔe ana.’ data/train/EZK/EZK_027_Verse_002.mp3,"“Arabia kple Kedar ƒe dziɖulawo katã nye wò nuƒlelawo. Wotsɔ woƒe agbowo, alẽviwo kple gbɔ̃wo tsa asi kpli wò." data/train/EZK/EZK_039_Verse_002.mp3,"“Ame vi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Yɔ xevi ɖe sia ɖe ƒomevi kple lã wɔadãwo katã. Gblɔ na wo be, ‘Miƒo ƒu, eye mi katã miva tso goawo katã me hena vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi, vɔsa gã la le Israel ƒe towo dzi. Afi ma miaɖu lã, eye miano ʋu." data/train/EZK/EZK_016_Verse_034.mp3,“Eye nètsɔ viŋutsu kple vinyɔnu siwo nèdzi nam la sa nuɖuvɔ na legbawo. Wò gbolowɔwɔ ɖeɖe mesɔ gbɔ oa? data/train/EZK/EZK_040_Verse_003.mp3,"Akpata la keke mita ewo, eye wòdidi mita ade tso ŋgɔ yi megbe. Atrakpuiwo le ete, eye sɔtiwo le domegliawo ƒe akpa ɖe sia ɖe." data/train/EZK/EZK_025_Verse_001.mp3,"“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi Filistitɔwo wɔ nu le hlɔ̃biabia me, eye wobia hlɔ̃ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo si le dzi me na wo kple fuléle si nɔ wo me tso blema ke, be yewoatsrɔ̃ Yuda ta la," data/train/EZK/EZK_034_Verse_028.mp3,"Nye ŋutɔ makpɔ nye alẽwo dzi, eye mana woamlɔ anyi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_028_Verse_018.mp3,"Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta, eye nègblẽ wò nunya le wò atsyɔ̃ ta. Ale metsɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba. Mena nèzu nukpɔkpɔ le fiawo ŋkume" data/train/EZK/EZK_023_Verse_013.mp3,"Èdze nɔviwò nyɔnu yome, eya ta matsɔ eƒe kplu ade asi na wò.’" data/train/EZK/EZK_009_Verse_006.mp3,"Eɖo eŋu nam be, “Israel kple Yuda ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ, ʋukɔkɔɖi xɔ anyigba la dzi, eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ yɔ du la me. Wogblɔna be, ‘Yehowa gbe nu le anyigba la gbɔ. Yehowa mekpɔa nu o.’" data/train/EZK/EZK_039_Verse_026.mp3,"Nyemagaɣla nye mo ɖe wo o, elabena makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe Israel ƒe aƒe la dzi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”" data/train/EZK/EZK_043_Verse_025.mp3,"Woawɔ avuléle ɖe vɔsamlekpui la nu ŋkeke adre, wɔakɔ eŋuti, eye woatsɔe ana." data/train/EZK/EZK_031_Verse_016.mp3,"Mewɔe wònyo kple eƒe alɔdze geɖewo, eye wònye ŋubiã na ati siwo katã nɔ Edenbɔ, Mawu ƒe abɔ la me." data/train/EZK/EZK_001_Verse_020.mp3,"Nu gbagbeawo keke aʋala ɖekaɖeka do ɖe wo nɔewo gbɔ, eye ɖe sia ɖe tsyɔ aʋala eve na eɖokui." data/train/EZK/EZK_001_Verse_013.mp3,"Melé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye mekpɔ ahomya gbɔna tso anyiehe kple lilikpo gã aɖe si le dzo kem, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe. Dzo la titina ɖi ga si le keklẽm," data/train/EZK/EZK_020_Verse_041.mp3,Metsɔ ɖoɖo siwo menyo o kple se siwo nu womate ŋu anɔ agbe ɖo o la hã na wo. data/train/EZK/EZK_005_Verse_001.mp3,"Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Eya ta meta nye agbe, zi ale si miegblẽ kɔ ɖo na nye Kɔkɔeƒe kple miaƒe legba nyɔŋuwo kple kɔnu vlowo ta la, nye ŋutɔ maɖe nye amenuveve ɖa le mia dzi. Nyemakpɔ nublanui na mi o, eye nyemaɖe mi o." data/train/EZK/EZK_018_Verse_026.mp3,"Miɖe miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la ɖa le mia ɖokuiwo ŋu, eye miaxɔ dzi yeye aɖe kple gbɔgbɔ yeye aɖe. Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe?" data/train/EZK/EZK_016_Verse_050.mp3,"mele ƒu ƒo ge wò ahiãviwo katã, ame siwo mia kpli wo mieɖu vivi kple esiwo nèlé fui siaa, maƒo ƒu wo ɖe ŋuwò tso teƒe siwo katã ƒo xlã wò. Maɖe amama wò le woƒe ŋkume, eye woakpɔ wò amama blibo la." data/train/EZK/EZK_042_Verse_004.mp3,Egodogli aɖe le xɔawo kple xɔxɔnu egodotɔ dome. Ekeke mita blaeve vɔ atɔ̃ le xɔawo ŋgɔ. data/train/EZK/EZK_034_Verse_002.mp3,"Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mana woana akɔnta tso nye alẽha ŋu. Mana woadzudzɔ alẽawo kpɔkplɔ ale be, alẽkplɔlawo magate ŋu ana nuɖuɖu wo ɖokuiwo o. Maɖe nye alẽha tso woƒe nu me, eye womaganye nuɖuɖu na wo o.’" data/train/EZK/EZK_023_Verse_047.mp3,"Woɖe amamae, kplɔ via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo dzoe, eye wowui kple yi. Ezu lodonya le nyɔnuwo dome, eye wohe to nɛ." data/train/EZK/EZK_017_Verse_012.mp3,"Farao kple eƒe aʋakɔ triakɔ la kple eƒe ameha gã mana kpekpeɖeŋu aɖeke le aʋa me ne woƒo kpo ɖe eŋu, eye wotu xɔ tsralawo be woawu ame geɖewo o." data/train/EZK/EZK_033_Verse_002.mp3,"“Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye." data/train/EZK/EZK_024_Verse_014.mp3,"“Eye wò, Ame vi, gbe si gbe maɖe woƒe sitsoƒe, woƒe dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe, nu si nya kpɔna na woƒe ŋkuwo, woƒe dzi ƒe didi, wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo ɖa la," data/train/EZK/EZK_039_Verse_018.mp3,"Mana dzo nadze Magog kple ame siwo le dedinɔnɔ me le ƒutanyigbawo dzi la dzi, eye woanya be, nyee nye Yehowa." data/train/EZK/EZK_020_Verse_018.mp3,"Gblɔ na ave si le Negeb la be, ‘Se Yehowa ƒe nya. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Esusɔ vie matɔ dzo wò, eye dzo la afia wò atiwo katã, ati mumuwo kple ƒuƒuawo siaa. Womatsi dzo la o, eye wòafia ŋkume ɖe sia ɖe tso dziehe yi anyiehe." data/train/EZK/EZK_036_Verse_010.mp3,"Ekema miaɖo ŋku miaƒe mɔ vɔ̃wo kple miaƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo dzi, eye miaƒe nu anyɔ ŋu na miawo ŋutɔ le miaƒe nu vɔ̃wo kple nuwɔna vlowo ta." data/train/EZK/EZK_032_Verse_026.mp3,"Ne mena nuwò yi la, Matsyɔ nu dziƒo nu. Mana woƒe ɣletiviwo nado viviti. Matsɔ lilikpo atsyɔ ɣe ŋkume, Eye ɣleti magana kekeli o." data/train/EZK/EZK_016_Verse_022.mp3,"Esi nètu wo trɔ̃xɔwo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe nu, eye nèɖo wò nuxeƒe kɔkɔwo ɖe ƒuƒoƒe ɖe sia ɖe la, mèɖi gbolo aɖeke o, elabena èdo vlo gbologaxɔxɔ." data/train/EZK/EZK_016_Verse_000.mp3,Àde ta wò ŋukpenanuwɔnawo kple wò ŋunyɔnuwo ƒe yomedzenu te.’ ” Yehowae gblɔe. data/train/EZK/EZK_036_Verse_012.mp3,Eya ta aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mekɔ nye asi dzi heka atam be woaɖu fewu le dukɔ siwo ƒo xlã mi la hã ŋu.” ’ data/train/EZK/EZK_019_Verse_010.mp3,"Eƒe alɔwo sẽ, eye wonyo woatsɔ awɔ fiatikplɔ. Ekɔ gbɔ avemeti bubuawo katã ta, edzena le eƒe kɔkɔ kple eƒe alɔ geɖewo ta." data/train/EZK/EZK_036_Verse_021.mp3,"“Ke miawo, O! Israel towo, miatse ku geɖewo na nye dukɔ Israel, elabena woƒe gbɔgbɔɣi tu aƒe." data/train/EZK/EZK_006_Verse_009.mp3,"Matsɔ Israelvi kukuwo amlɔ woƒe legbawo ŋgɔ, eye makaka miaƒe ƒuwo aƒo xlã miaƒe vɔsamlekpuiwo." data/train/EZK/EZK_020_Verse_045.mp3,"Miwɔ nye Dzudzɔgbewo kɔkɔe be woanye dzesi anɔ mia dome. Ekema mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.”" data/train/EZK/EZK_027_Verse_013.mp3,"“Griktɔwo, Tubaltɔwo kple Mesektɔwo tsa asi kpli wò. Wotsɔ kluviwo kple nu siwo wowɔ kple akɔbli la ɖɔli wò adzɔnuwoe." data/train/EZK/EZK_032_Verse_003.mp3,“Anyiehe fiaviwo katã kple Sidontɔwo katã le afi ma. Woyi aʋlime kple ŋukpe kple ame siwo wowu le ŋɔdzi si woƒe ŋusẽ do na amewo megbe. Womlɔ anyi aʋamatsomatsoe kple ame siwo yi aʋlime. data/train/EZK/EZK_047_Verse_010.mp3,"Esi ame la ɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòlé dzidzeti la ɖe asi la, edzidze mita alafa atɔ̃ (500), eye wòkplɔm to tɔsisi si me afɔkɔe bu ɖo la me." data/train/EZK/EZK_020_Verse_039.mp3,"Mena woto woƒe nunana si nye woƒe ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe tsɔtsɔ sa vɔe la me gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui, ale be mana be vɔvɔ̃ naɖo wo, eye woanya be nyee nye Yehowa.’" data/train/EZK/EZK_027_Verse_005.mp3,“Asitsalawo tso Seba kple Raama tsa asi kpli wò le wò adzɔnuwo ta. Woɖɔli nu ʋeʋĩ nyuitɔ ɖe sia ɖe kple kpe xɔasiwo kple sika. data/train/EZK/EZK_005_Verse_010.mp3,"Le miaƒe legba nyɔŋuwo katã ta la, mawɔ nu si nyemewɔ kpɔ o la mi, esi nyemagawɔ gbeɖe o." data/train/EZK/EZK_012_Verse_006.mp3,"Du siwo me ameawo le la azu aƒedo, eye anyigba la azu gbegbe. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ”" data/train/EZK/EZK_020_Verse_008.mp3,"elabena wogbe nye seawo, womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo, eye woƒe dzi ku ɖe woƒe legbawo ŋu." data/train/EZK/EZK_033_Verse_026.mp3,"ne egbugbɔ awɔbanu na nutɔ, ɖo nu si wòfi teƒe, eye wòwɔ nu si naa agbe, eye mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o la, anɔ agbe kokoko, maku o." data/train/EZK/EZK_041_Verse_003.mp3,"Axadzixɔawo le ɖoɖo gbãtɔ me mekeke abe evelia me tɔwo ene o, eye woawo hã mekeke abe ɖoɖo etɔ̃lia me tɔwo ene o. Atrakpuiwo tso ɖoɖo gbãtɔ yi ɖoɖo etɔ̃lia to ɖoɖo titinatɔ me." data/train/EZK/EZK_011_Verse_019.mp3,"Tete kerubiawo keke woƒe aʋalawo esime tasiaɖamfɔtiawo nɔ wo xa, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe nɔ wo tame." data/train/EZK/EZK_048_Verse_020.mp3,"Le ɣetoɖoƒe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be Gad ƒe agbo, Aser ƒe agbo kple Naftali ƒe agbo." data/train/EZK/EZK_012_Verse_018.mp3,"Ke nye Yehowa magblɔ nya si magblɔ, eye wòava eme enumake. Elabena le miaƒe ŋkekewo me la, mana nya sia nya si megblɔ ɖe mi aglãdzelawo ŋu la nava eme; nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’ ”" data/train/EZK/EZK_031_Verse_003.mp3,"Ame siwo nɔ eƒe vɔvɔli te, ame siwo wòtsɔ aʋae le dukɔwo dome la, hã yi yɔdo me kplii, kpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti." data/train/EZK/EZK_044_Verse_001.mp3,"Ele na wo be woafia nye amewo vovototo si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, eye woafia ameawo be woanya vovototo si le nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo dome." data/train/EZK/EZK_039_Verse_028.mp3,"Woatsɔ amewo ɖaa be woakɔ anyigba la ŋuti. Ame aɖewo azɔ ato anyigba la dzi, hekpe ɖe woawo ŋu la, ame bubuwo aɖi ame kuku siwo aganɔ anyigba kokoko. “ ‘Le ɣleti adrea ƒe nuwuwu la, woagadze woƒe nudidi gɔme." data/train/EZK/EZK_013_Verse_000.mp3,"Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Baba na nyagblɔɖila siwo nye abunɛtɔwo, ame siwo dzea woawo ŋutɔ ƒe gbɔgbɔ yome, eye womekpɔa naneke o!" data/train/EZK/EZK_002_Verse_003.mp3,"Ele be nàgblɔ nye nyawo na wo ne woɖo to loo alo gbe toɖoɖo, elabena aglãdzelawo wonye." data/train/EZK/EZK_030_Verse_026.mp3,"Yi aɖe atso ɖe Egipte ŋu, eye ŋɔdzi aɖo Kus. Ne ame ku le Egipte la, woalɔ Egipte ƒe kesinɔnuwo adzoe, eye woakaka eƒe gɔmeɖoɖo ƒe agunu." data/train/EZK/EZK_016_Verse_015.mp3,"Ekema àɖo ŋku wò mɔwo dzi, eye ŋu akpe wò ne èkpɔ nɔviwò nyɔnu siwo tsi wu wò kple esiwo nètsi wu hã. Matsɔ wo ana wò abe viwò nyɔnuwo ene, gake menye ɖe nubabla si mewɔ kple wò la dzi o." data/train/EZK/EZK_012_Verse_001.mp3,"“Ame vi, èle dukɔ dzeaglã aɖe me. Ŋku li na ameawo be woakpɔ nu, gake womekpɔa nu o, to li na wo be woase nu, gake womesea nu o, elabena wonye aglãdzelawo." data/train/EZK/EZK_037_Verse_023.mp3,"Tete wògblɔ nam be, “Gblɔ nya ɖi na ƒu siawo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ƒu ƒuƒuwo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya." data/train/EZK/EZK_033_Verse_009.mp3,"Eya ta gblɔ na wo be, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ. ‘Esi mieɖua lã si me ʋu gale, miekpɔa miaƒe legbawo dzi ɖa, eye miekɔa ʋu ɖi la, ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa?" data/train/EZK/EZK_039_Verse_022.mp3,"Mewɔ nu ɖe wo ŋu le woƒe makɔmakɔnyenye kple woƒe dzidadawo nu, eye meɣla nye mo ɖe wo." data/train/EZK/EZK_006_Verse_008.mp3,"Mado nye asi ɖa ɖe wo ŋu, eye mana woƒe anyigba nazu gbegbe, tso gbegbe la to yi Dibla, afi sia afi si woanɔ. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”" data/train/EZK/EZK_024_Verse_008.mp3,"Ekema nàtsɔ ze ƒuƒlu la da ɖe dzokawo dzi va se ɖe esime wòaxɔ dzo nyuie, eye eƒe akɔbli naklẽ, ale be eƒe nu makɔmakɔwo nalolo, eye etenuwo nafia." data/train/EZK/EZK_027_Verse_028.mp3,"Wotsɔ oɖumti tso Basan wɔ wò atablowoe, wotsɔ ati tso Kipro ƒuta wɔ wò yaxɔƒe, eye wofa nyiɖu ɖe eŋu." data/train/EZK/EZK_024_Verse_007.mp3,"Do lo aɖe na ƒome dzeaglã la me tɔwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si.’ “Tsɔ nuɖaze la ɖo dzo dzi, tsɔe ɖo dzo dzi, eye nàku tsi ɖe eme." data/train/EZK/EZK_011_Verse_005.mp3,"“Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔawo dome, makplɔ mi agbɔe tso anyigba siwo dzi wokaka mi ɖo, eye magatsɔ Israel ƒe anyigba ana mi.’" data/train/EZK/EZK_011_Verse_002.mp3,"Du sia manye nuɖaze na mi o alo mianye lã le eme o. Madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒowo dzi," data/train/EZK/EZK_026_Verse_009.mp3,"Ekema woadzi konyifahawo ɖe ŋuwò, eye woagblɔ nya siawo na wò. “ ‘Aleke ƒudzitɔwo gbã wò, o, du xɔŋkɔ! Ènye ŋusẽ nɔ ƒuwo dzi kpɔ, wò kple wò amewo, mienye ŋɔdzi na ame siwo katã nɔ afi ma." data/train/EZK/EZK_045_Verse_009.mp3,"“ ‘Fiaviŋutsu la axɔ anyigba le teƒe kɔkɔe la kple du gã la ƒe anyigba dome. Aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo tso ɣedzeƒekpa dzi, eye eƒe didime ato ɣetoɖoƒekpa dzi ayi ɣedzeƒeliƒo la dzi anɔ axadzi na to ɖeka ƒe anyigba." data/train/EZK/EZK_014_Verse_003.mp3,"Ame sia ame atsɔ eƒe vodada, nyagblɔɖila la kple ame siwo bia gbee siaa, woanye vodalawo." data/train/EZK/EZK_039_Verse_015.mp3,"Le nye kplɔ̃ la ŋu la, miaɖu sɔwo kple sɔdolawo, kalẽtɔwo kple aʋawɔla ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe lã wòati mi’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_037_Verse_000.mp3,"Ale megblɔ nya ɖi abe ale si wòɖo nam ene. Esi menɔ nya la gblɔm ɖi la, hoowɔwɔ sesẽ aɖe ɖi, eye ƒuawo ƒo ƒu hetɔ ɖe wo nɔewo nu." data/train/EZK/EZK_010_Verse_017.mp3,Woate ŋu akpɔ nane si ɖi amegbetɔ ƒe asi la le kerubiawo ƒe aʋala te. data/train/EZK/EZK_033_Verse_028.mp3,"Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi la be, ‘O ame vɔ̃ɖi, èle kuku ge godoo,’ eye ne mègbe nɛ be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu o la, ame vɔ̃ɖi ma aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta, eye mana nàna akɔnta le eƒe ʋu ŋu." data/train/EZK/EZK_042_Verse_011.mp3,"Mɔ aɖe le xɔawo ŋgɔ, ekeke mita atɔ̃, eye wòdidi mita blaatɔ̃. Woƒe ʋɔtruwo ɖo ta anyiehe gome." data/train/EZK/EZK_041_Verse_022.mp3,Ʋɔtru gã evee nɔ gbedoxɔ egodotɔ kple Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu. data/train/EZK/EZK_001_Verse_011.mp3,"Le ɣleti la ƒe ŋkeke atɔ̃lia gbe, esi woɖe aboyo Fia Yehoyatsin la," data/train/EZK/EZK_037_Verse_004.mp3,"Ekema dukɔwo anya be, nye Aƒetɔ lae wɔ Israel kɔkɔe le esime nye Kɔkɔeƒe la le wo dome tegbetegbe.’ ”" data/train/EZK/EZK_028_Verse_002.mp3,"“Ame vi, dzi konyifaha aɖe ɖe Tiro fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: “ ‘Ènye blibodede ƒe kpɔɖeŋu, nunya yɔ mewò, eye wò nyonyo de blibo." data/train/EZK/EZK_028_Verse_021.mp3,"Wosi ami na wò abe kerubi, amedzikpɔla ene, elabena nenemae meɖo wòe. Ènɔ Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi, eye nèzɔ le dzokpewo dome." data/train/EZK/EZK_032_Verse_027.mp3,"Togbɔ be meɖe mɔ, wòdo ŋɔdzi na amewo le agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã la, woakɔ Farao kple eƒe ame gbogboawo katã amlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome.” Aƒetɔ Yehowa gblɔe." data/train/EZK/EZK_047_Verse_008.mp3,“Ele be miama anyigba la ɖe mia dome ɖe Israel ƒe toawo nu. data/train/EZK/EZK_046_Verse_000.mp3,Ale woana alẽvi la kple nuɖuvɔsa la kple ami la ŋdi sia ŋdi hena gbe sia gbe ƒe numevɔsa. data/train/EZK/EZK_036_Verse_013.mp3,"Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “O! Israel ƒe aƒe, menye miawo tae mele nu siawo wɔ ge o, ke nye ŋkɔ kɔkɔe si miedo gui le dukɔ siwo me mieyi la tae." data/train/EZK/EZK_047_Verse_000.mp3,"Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esiawoe nye liƒo siwo anɔ anyigba siwo miama na Israel ƒe to wuieveawo ƒe domenyinyi la ŋu, eye miana anyigba eve Yosef." data/train/EZK/EZK_027_Verse_011.mp3,"Esi wò adzɔnuwo yi ƒu dzi la, èna dukɔ geɖewo ɖi ƒo. Ètsɔ wò hotsui gbogbo ɖi ƒo na anyigbadzifiawo." data/train/EZK/EZK_020_Verse_029.mp3,"Le afi ma la, miaɖo ŋku miaƒe nɔnɔme kple nu siwo katã miewɔ hegblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo la dzi, eye ŋukpe alé mi ɖe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la ta." data/train/EZK/EZK_004_Verse_008.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, dzidze tsi hin ƒe mama adelia ƒe ɖeka, eye nànoe le ɣeyiɣi ɖoɖowo dzi." data/train/EZK/EZK_046_Verse_012.mp3,"“ ‘Le azãwo kple ŋkekenyui ɖoɖiwo dzi la, nuɖuvɔsa la anye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖeka ŋu, wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, eye nu sia nu si dze ame aɖe ŋu la, nakpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe wɔ agba ɖeka ŋu." data/train/EZK/EZK_019_Verse_003.mp3,"“ ‘Dzatanɔ kae dawò nye le dzatawo dome? Emlɔ dzataviwo dome, eye wònye viawo." data/train/EZK/EZK_022_Verse_013.mp3,"Kpuiƒetɔwo kple didiƒetɔwo siaa aɖu fewu le ŋuwò. O! Du maxɔŋkɔ, si yɔ fũu kple ʋunyaʋunya." data/train/EZK/EZK_021_Verse_011.mp3,Ekema amewo katã anya be nye Yehowae ɖe nye yi le aku me; magatrɔ yi aku me azɔ o.’ data/train/EZK/EZK_045_Verse_018.mp3,"“ ‘Ne miema anyigba la abe domenyinu ene la, ele be miana anyigba la ƒe akpa aɖe Aƒetɔ Yehowa abe teƒe kɔkɔe ene, wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000) wòakeke mita akpe wuiɖeke (11,000), eye teƒe la katã nanye teƒe kɔkɔe." data/train/EZK/EZK_028_Verse_031.mp3,"Ɖe nàgblɔ le ɣe ma ɣi me be, ‘Mawu aɖee menye’ le ame siwo le wuwòm la ŋkumea? Amegbetɔ ko nènye, mènye mawu aɖeke o, le ame siwo le wuwòm la ƒe asi me." data/train/EZK/EZK_024_Verse_015.mp3,"gbe ma gbe la, sisila aɖe ava be yeaka nyadzɔdzɔ la ta na wò." data/train/EZK/EZK_036_Verse_003.mp3,"“Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Esi amewo gblɔna na mi be mieɖua amelã, eye mieɖea vi ɖa le miaƒe dukɔ ŋuti ta la," data/train/EZK/EZK_027_Verse_012.mp3,"Gblɔ nya na Tiro, du si wotu ɖe atsiaƒu ƒe agbo nu, asitsala, na ame siwo le ƒuta. Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Ègblɔ be, ‘Tiro, mede blibo le nyonyo me.’" data/train/EZK/EZK_001_Verse_015.mp3,"Nane si ɖi tsikpe, keke, le keklẽm, eye wòdzi ŋɔ la, keke ɖe nu gbagbeawo tame." data/train/EZK/EZK_032_Verse_025.mp3,"“Ne mena Egipte zu gbegbe, Meɖe nu sia nu si le edzi ɖa, Eye meƒo ame siwo katã le edzi ƒu anyi la, Ekema woanya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa." data/train/EZK/EZK_013_Verse_003.mp3,"“Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi fifia la ŋu. Gblɔe na wo dometɔ siwo gblɔa nya ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe susu me be, ‘Mise Yehowa ƒe nya!’ ”" data/train/EZK/EZK_016_Verse_020.mp3,"“Esi metso eme va yina la, mekpɔ wò nènɔ afɔ dam le wò ʋu me. Esi nènɔ wò ʋu me la, megblɔ na wò be, ‘Tsi agbe.’" data/train/EZK/EZK_031_Verse_000.mp3,"“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi wòkɔ bobobo wu ati bubuwo, eye wòdana le eƒe kɔkɔ ta la," data/train/EZK/EZK_045_Verse_004.mp3,Ele na mi be miagawɔ nu mawo ke le ɣleti la ƒe ŋkeke adrelia gbe na ame sia ame si awɔ nu vɔ̃ maɖowɔ aɖe alo ato manyamanya me la ta. Ale miawɔ avuléle ɖe gbedoxɔ la nu. data/train/EZK/EZK_018_Verse_015.mp3,"“Ke ne ame vɔ̃ɖi aɖe ɖe asi le nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ la ŋuti, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye wòwɔ nu si dzɔ, henyo la, anɔ agbe godoo; maku o." data/train/EZK/EZK_040_Verse_028.mp3,"Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ƒe dzidzemewo nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la kple eƒe akpata ŋu ƒo xlã kpe ɖo. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã." data/train/EZK/EZK_010_Verse_020.mp3,"Yehowa gblɔ na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la be, “Yi tasiaɖamfɔti siwo dzi kerubiawo le la dome. Lɔ dzoka xɔxɔ si le kerubiawo dome la ɖe wò asi me, eye nàwui ɖe du la dzi.” Menɔ ekpɔm wòge ɖe eme." data/train/EZK/EZK_041_Verse_009.mp3,Gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu le ɣedzeƒe lɔƒo kple gbedoxɔ la ŋgɔ keke mita blaatɔ̃. data/train/EZK/EZK_023_Verse_015.mp3,"elabena wowɔ ahasi, eye ʋu ƒo asi na wo. Wowɔ ahasi kple woƒe legbawo; wotsɔ wo vi siwo wodzi nam la sa vɔe gɔ̃ hã abe nuɖuɖu na woƒe legbawo ene." data/train/EZK/EZK_033_Verse_010.mp3,"Eye ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi la be, ‘Èle kuku ge godoo’ ke wòɖe asi le eƒe nu vɔ̃ ŋu, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wònyo," data/train/EZK/EZK_016_Verse_061.mp3,"Woana ame aɖewo natso ɖe ŋuwò. Ame siawo aƒu kpe wò, eye woafli wò kple woƒe yiwo." data/train/EZK/EZK_020_Verse_048.mp3,"Tete Yehowa ƒe nya va nam be," data/train/EZK/EZK_013_Verse_007.mp3,"“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Metsi tsitre ɖe miaƒe dzoka siwo mietsɔna ɖea amewo abe xeviwo ene la ŋuti, eye maɖe wo ɖa le miaƒe abɔwo ŋu. Mana ablɔɖe ame siwo mietre mɔ na abe xeviwo ene." data/train/EZK/EZK_019_Verse_005.mp3,"Dzo bi, kaka tso eƒe alɔ gã ɖeka me, eye wòbi eƒe tsetseawo. Alɔ sesẽ aɖeke megatsi eŋu woatsɔ akpa dziɖula ƒe fiatikplɔe o. Esia nye konyifaha, eye woawɔ eŋu dɔ abe konyifaha ene.’ ”" data/train/EZK/EZK_048_Verse_018.mp3,“Le to bubuawo gome la: “Benyamin axɔ teƒe ɖeka; atso ɣedzeƒe lɔƒo ayi ɣetoɖoƒe lɔƒo. data/train/EZK/EZK_006_Verse_010.mp3,"“Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Miƒo asikpe, mitu afɔ anyi, eye miado ɣli be, “Ao!” Le Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ɖiwo kple ŋunyɔnuwo katã ta, elabena yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo." data/train/EZK/EZK_036_Verse_014.mp3,"Eya ta gblɔ nya ɖi be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye be, esi wogblẽ mi, eye woɖe aɖutame ɖe mia ŋu le goawo katã me be miazu dukɔ mamlɛawo tɔ kple woƒe alɔmeɖenu kple ɖiŋudonu ta la," data/train/EZK/EZK_004_Verse_003.mp3,"“Ekema nàmlɔ wò miamekpa dzi, eye nàtsɔ Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo ada ɖe ɖokuiwò dzi. Ele na wò be nàtsɔ woƒe nu vɔ̃wo ŋkeke ale si nàmlɔ wò miamekpa dzi." data/train/EZK/EZK_033_Verse_024.mp3,"Mieɖoa ŋu ɖe miaƒe yi ŋu, miewɔa ŋunyɔnuwo, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gblẽ kɔ ɖo na nɔvia srɔ̃. Ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa?’ ”" data/train/EZK/EZK_014_Verse_013.mp3,"“ ‘Eye ne woflu nyagblɔɖila la be wòagblɔ nya ɖi la, nye Yehowae aflu nyagblɔɖila ma, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu, eye matsrɔ̃e le nye amewo dome le Israel." data/train/EZK/EZK_046_Verse_014.mp3,"Le xɔxɔnu egodotɔ ƒe dzogoe eneawo dzi la, mekpɔ xɔxɔnu bubu le dzogoe ɖe sia ɖe dzi, ɖe sia ɖe didi mita blaeve, eye wòkeke mita wuiatɔ̃. Dzidzeme ɖeka li na xɔxɔnu eneawo le dzogoe eneawo dzi." data/train/EZK/EZK_020_Verse_026.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, mekɔ nye asi dzi, eye meka atam na wo le gbea dzi be mama wo ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ɖe anyigbawo dzi," data/train/EZK/EZK_035_Verse_004.mp3,"Esi miekpɔ dzidzɔ esime Israel ƒe aƒe ƒe domenyinu zu gbegbe ta la, nu si mawɔ wòe nye àzu gbegbe, O! Seir to, wò kple Edom blibo la. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.” ’ ”" data/train/EZK/EZK_037_Verse_013.mp3,"Made lãmeka mia me, lã naɖo mia ŋu, eye mafa ayi ɖe mia ŋu. Made yagbɔgbɔ mia me, eye miagbɔ agbe. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ”" data/train/EZK/EZK_016_Verse_001.mp3,"“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Matu nu kple wò abe ale si dze wò ene, elabena èdo vlo nye atam to nye nubabla tutu me." data/train/EZK/EZK_001_Verse_004.mp3,"Esi nu gbagbeawo ɖe zɔ la, mese gbeɖiɖi aɖe tso woƒe aʋalawo me abe tɔsisiwo ƒe ɖiɖi ene, abe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe ene, abe aʋakɔ aɖe ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ ene. Ne nu gbagbeawo tɔ ɖe teƒe ɖeka la, woɖiɖia woƒe aʋalawo." data/train/EZK/EZK_016_Verse_026.mp3,ètu trɔ̃xɔ gãwo ɖe ablɔ gãwo me na ɖokuiwò kple nuxeƒe ɖe ƒuƒoƒe ɖe sia ɖe. data/train/EZK/EZK_021_Verse_002.mp3,"Ale be dziwo nalolo banaa, eye ame kukuawo nasɔ gbɔ. Meda amewuyi la ɖe woƒe agbowo katã nu. O! Wowɔe be woake dzo abe dzikedzo ene, wolée na amewuwu." data/train/EZK/EZK_037_Verse_019.mp3,"“Ne mia detɔwo bia wò be, ‘magblɔ nu si nèfia to esia me na mí oa?’ la," data/train/EZK/EZK_013_Verse_013.mp3,"Mamu gli si miesi akalo na, magbãe wòasɔ kple anyigba, ale be eƒe gɔmeɖoɖo natsi gota. Ne emu la, atsrɔ̃ mi, ekema mianyae be, nyee nye Yehowa." data/train/EZK/EZK_041_Verse_017.mp3,"Tete wòdzidze gbedoxɔ la ƒe gliwo; etri mita etɔ̃, eye axadzixɔ siwo ƒo xlã gbedoxɔ la, ɖe sia ɖe keke mita eve." data/train/EZK/EZK_013_Verse_018.mp3,"nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Baba na nyɔnu siwo doa dzokawo ɖe woƒe alɔnuwo katã, eye wowɔa motsyɔnu didime vovovowo ɖe ta, ale be woatre mɔ na amewo. Ɖe miatre mɔ na nye amewo ƒe agbe, ke miaɖe miawo ŋutɔ tɔa?" data/train/EZK/EZK_011_Verse_020.mp3,"Tete Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dzinye, eye wògblɔ nam be magblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: nya ma gblɔm miele, O! Israel ƒe aƒe, ke menya nu siwo le miaƒe susu me." data/train/EZK/EZK_005_Verse_004.mp3,"“Eya ta nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Miedze aglã wu dukɔ siwo ƒo xlã mi, miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye mielé nye sewo me ɖe asi o. Miaƒe wɔnawo menyo abe dukɔ siwo ƒo xlã mi la tɔwo gɔ hã ene o.’" data/train/EZK/EZK_016_Verse_023.mp3,"Ètsɔ nu dzeani siwo mena wò, nu siwo wotsɔ nye sika kple klosalo wɔe la wɔ ŋutsulegbawo na ɖokuiwò, eye nèwɔ gbolo kpli wo." data/train/EZK/EZK_016_Verse_057.mp3,"Samaria mewɔ nu vɔ̃ siwo nèwɔ la ƒe afã o. Èwɔ ŋukpenanuwo wu woawo, eye miena mia nɔvinyɔnuwo dze ame dzɔdzɔewo to nu siwo katã nèwɔ la me." data/train/EZK/EZK_040_Verse_044.mp3,Tso agboa nu yi akpata la ƒe seƒe la le mita blaeve vɔ atɔ̃. data/train/EZK/EZK_018_Verse_028.mp3,"“Nya ka gblɔm amewo le ne wodo lo sia tso Israel ŋu be, “ ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbowo, eye aɖu nyɔ wo viwo?’ ”" data/train/EZK/EZK_036_Verse_032.mp3,"Metsi dzi ɖe mia ŋu, eye makpɔ nublanui na mi. Woaŋlɔ mi, woaƒã nukuwo ɖe mia dzi," data/train/EZK/EZK_042_Verse_020.mp3,"ɖi xɔ siwo le dziehe gome tɔwo. Mɔnu ɖeka nɔ glia ƒe gɔmedzedze, si le ɣedzeƒe lɔƒo la kasa afi si woato age ɖe xɔawo me." data/train/EZK/EZK_047_Verse_004.mp3,"Egadzidze mita alafa atɔ̃ (500) bubu, eye wòkplɔm to tɔsisi si ɖo klonu la me. Edzidze mita alafa atɔ̃ (500) bubu, eye wòkplɔm to tɔsisi si ɖo ali la me." data/train/EZK/EZK_048_Verse_011.mp3,"eye wòadidi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le anyiehe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le dziehe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le ɣedzeƒe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le ɣetoɖoƒe lɔƒo." data/train/EZK/EZK_020_Verse_016.mp3,"Gake megbugbɔ nye asi ɖe megbe, eye le nye ŋkɔ ta la, mewɔ nu si mado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo ŋkume mekplɔ wo dzoe le la gbɔ o." data/train/EZK/EZK_046_Verse_010.mp3,"Ke, ne ena nane eƒe subɔlawo dometɔ ɖeka tso eƒe domenyinyi me la, anye subɔla la tɔ va se ɖe ablɔɖeƒe la dzi, ekema agazu fiaviŋutsu la tɔ. Eƒe domenyinuwo nye viawo ɖeɖe ko tɔ; woawo tɔe." data/train/EZK/EZK_009_Verse_005.mp3,"eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàto Yerusalem du la katã me, eye nàde dzesi ŋgonu na ame siwo se veve eye wole nu xam le ŋunyɔnu siwo wowɔna le dua me la ŋuti.”" data/train/EZK/EZK_008_Verse_001.mp3,"Ametsitsi blaadre tso Israel ƒe aƒe la me tsi tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye Yaazania, Safan ƒe vi, nɔ tsitre ɖe wo dome. Ɖe sia ɖe lé sonu ɖe asi, eye dzudzɔ ʋeʋĩ ƒe babla nɔ dzi dem." data/train/EZK/EZK_013_Verse_012.mp3,"Makɔ nye asi dzi ɖe nyagblɔɖila siwo kpɔa alakpaŋutegawo ŋu, eye womanɔ nye amewo ƒe aɖaŋudelawo dome o. Wokaa aʋatsonukakawo, womaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe Israel ƒe aƒemetɔwo dome o, eye womage ɖe Israel ƒe anyigba dzi hã o. Ekema mianya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’ ”" data/train/EZK/EZK_037_Verse_003.mp3,"Ebiam be, “Ame vi, ƒu siawo ate ŋu anɔ agbea?” Megblɔ be, “O! Aƒetɔ Yehowa, wò ɖeka koe nya.”" data/train/EZK/EZK_029_Verse_020.mp3,"metso ɖe wò kple wò tɔsisiwo ŋu, eye mana Egiptenyigba nazu aƒedo kple gbegbe tso Migdol va se ɖe Aswan, va do ɖe keke Kus ƒe liƒowo dzi." data/train/EZK/EZK_044_Verse_002.mp3,"Eye Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, lé ŋku ɖe nu ŋu nyuie, ɖo to nyuie, eye nàlé fɔ ɖe nu sia nu si magblɔ na wò tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe ɖoɖowo ŋuti kple afi siwo woato ado go le Kɔkɔeƒe la ŋuti." data/train/EZK/EZK_003_Verse_014.mp3,"Ke ne èxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la, gake meɖe asi le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu alo trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi o la, ekema aku le eƒe nu vɔ̃ ta, ke wò la, èɖe ɖokuiwò." data/train/EZK/EZK_030_Verse_020.mp3,"Matrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe Pelusium, Egipte ƒe mɔ sesẽtɔ la dzi, eye matsrɔ̃ Tebes ƒe amehawo." data/train/EZK/EZK_038_Verse_003.mp3,"Ale maɖe nye gãnyenye kple kɔkɔenyenye afia, eye mana woanyam le dukɔ geɖewo me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.”" data/train/EZK/EZK_044_Verse_023.mp3,“ ‘Nye koe anye domenyinu si anɔ nunɔlawo si. Mele be miana nunɔamesi aɖeke wo le Israel o. Nyee anye woƒe nunɔamesi. data/train/EZK/EZK_012_Verse_008.mp3,"Esi wole kpɔwòm la, ŋɔ gli la, eye nàtsɔ wò nuwo to gli ŋɔŋɔ la me." data/train/EZK/EZK_016_Verse_036.mp3,"Gbe si gbe wodzi wò la, wometso wò ƒoƒonika, alo le tsi na wò be wò ŋuti naɖi, alo si dze ɖe ŋuwò alo xatsa avɔ ɖe ŋutiwò o." data/train/EZK/EZK_017_Verse_004.mp3,"“Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, aku ɖe Babilonia, ɖe fia si ɖoe zi dzi la ƒe anyigba dzi, ame si ƒe atam wòdo vloe kple ame si ƒe nubabla wòtu." data/train/EZK/EZK_045_Verse_008.mp3,"Eƒe akpa aɖe si ƒe didime kple kekeme siaa anye mita alafa eve blaade-vɔ-atɔ̃ (265), anye kɔkɔeƒe la tɔ, eye woaɖe mita blaeve-vɔ-adre le eŋu aƒo xlãe godoo hena gbadzaƒe la." data/train/EZK/EZK_033_Verse_013.mp3,"Gblɔ na wo be, alea Aƒetɔ Yehowa gblɔ. “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame siwo susɔ ɖe du gbagbãwo me la atsi yi nu; matsɔ ame siwo le gbedzi la ade asi na lã wɔadãwo woavuvu wo, eye ame siwo le mɔ sesẽwo me kple agadowo me la, dɔvɔ̃ awu wo." data/train/EZK/EZK_003_Verse_000.mp3,"Ale meke nye nu me, eye wòtsɔ agbalẽ la nam be maɖu." data/train/EZK/EZK_035_Verse_012.mp3,"Matsɔ wò awɔ gbegbee ɖika, eye amewo maganɔ wò duwo me o. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.’" data/train/EZK/EZK_042_Verse_005.mp3,"Esi wòwɔ nu siwo nɔ gbedoxɔ la gbɔ vɔ la, ekplɔm do goe to ɣedzeƒegbo la me, eye wòdzidze teƒe si ƒo xlã afi ma." data/train/EZK/EZK_016_Verse_059.mp3,"“Wò, srɔ̃nyɔnu, ahasitɔ! Amedzrowo dzea ŋuwò wu srɔ̃wò!" data/train/EZK/EZK_025_Verse_008.mp3,"Gblɔ na wo be, ‘Mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, esi miegblɔ be, “Ahã” ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu le esime wodo gui, ɖe Israelnyigba ŋu esime wòzu gbegbe, eye ɖe Yuda ŋu esime woɖe aboyo eƒe amewo ta la," data/train/EZK/EZK_033_Verse_014.mp3,"Gblɔ na wo be Aƒetɔ Yehowa be, ‘Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame vɔ̃ɖi ƒe ku medoa dzidzɔ nam o, ke boŋ medina be woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye woanɔ agbe. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe mɔ vɔ̃wo ŋu! Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe?’" data/train/EZK/EZK_008_Verse_007.mp3,"Ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ, eye le afi ma la, ŋutsu abe blaeve vɔ atɔ̃ ene nɔ gbedoxɔ la ƒe mɔnu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome. Wotrɔ megbe do ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ, wodze ŋgɔ ɣedzeƒe, eye wonɔ ta dem agu na ɣe le ɣedzeƒe." data/train/EZK/EZK_003_Verse_019.mp3,"menye ɖe ame geɖewo, ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ, woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ, eye màte ŋu ase woƒe nyawo gɔme la gbɔ o. Eme kɔ ƒãa be nenye woawo gbɔe meɖo wò ɖo la, woaɖo to wò." data/train/EZK/EZK_047_Verse_012.mp3,"“Esiae anye anyigba la ƒe liƒowo. “Le anyiehe lɔƒo la, liƒo la atso Atsiaƒu Gã la nu, ato Hetlon ayi Lebo Hamat va se ɖe Zedad." data/train/EZK/EZK_041_Verse_001.mp3,"Ativɔsamlekpui si kɔ mita ɖeka kple afã, eye eƒe axawo didi mita ɖeka la, wowɔ eƒe dzogoewo, ete kple eƒe axawo kple ati. Ame la gblɔ nam be, “Esiae nye kplɔ̃ si le Yehowa ŋkume.”" data/train/EZK/EZK_022_Verse_003.mp3,"“Ame vi, gblɔ na anyigba la be, ‘Ènye anyigba aɖe si dzi tsi alo agbafie medza ɖo le dzikuŋkeke la dzi o.’" data/train/EZK/EZK_048_Verse_025.mp3,Ruben axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Efraim ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. data/train/EZK/EZK_032_Verse_021.mp3,"Matsrɔ̃ eƒe nyiwo katã Tso tsi gãwo to, Tsi gã siwo ame ƒe afɔ magablu o, Eye nyiwo ƒe afɔwo magablu ba ɖe wo me o." data/train/EZK/EZK_001_Verse_009.mp3,ke mo ene kple aʋala ene nɔ ɖe sia ɖe si. data/train/EZK/EZK_017_Verse_009.mp3,"Eye Yehowa ƒe nya va nam be," data/train/EZK/EZK_036_Verse_025.mp3,"Mafia nye ŋkɔ gã la ƒe kɔkɔenyenye si wodo gui le dukɔwo dome, ŋkɔ si miedo gui le wo dome. Ekema dukɔawo anya be nyee nye Yehowa, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to mia dzi le woƒe ŋkume." data/train/EZK/EZK_012_Verse_004.mp3,"“Ame vi, nɔ ƒoƒom kpakpakpa ne èle wò abolo ɖum, eye nànɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ne èle wò tsi nom." data/train/EZK/EZK_016_Verse_009.mp3,"Ame aɖeke mekpɔ nublanui na wò, ale be woawɔ nu siawo na wò o; ke boŋ wotsɔ wò ƒu gbe ɖe gbedadaƒo, elabena gbe si gbe wodzi wò la, wodo vlo wò.’" data/train/EZK/EZK_030_Verse_006.mp3,"Ekema woanya be nyee nye Yehowa, ne metɔ dzo Egipte, eye mefanya eƒe kpeɖeŋutɔwo katã." data/train/EZK/EZK_016_Verse_037.mp3,"Gbolo ɖe sia ɖe xɔa ga, gake wò ya ènaa nu ŋutsu siwo nèwɔa gbolo kplii la katã, ènaa zãnu wo ale be woatso afi sia afi ava wɔ ahasi kpli wò." data/train/EZK/EZK_033_Verse_022.mp3,"Le nyateƒe me la, le wo gbɔ la, mènye naneke wu ame si tsɔa gbe vivi dzia lɔlɔ̃hawo, eye nèƒoa haƒonu aɖe nyuie ale be woase wò nyawo, ke womewɔa wo dzi o." data/train/EZK/EZK_006_Verse_013.mp3,"Woawu miaƒe amewo le mia dome, eye mianya be nyee nye Yehowa.’ ”" data/train/EZK/EZK_001_Verse_016.mp3,"Ne nu gbagbeawo ɖe zɔ la, tasiaɖam ƒe afɔ siwo le wo xa la hã ɖea zɔ, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokuiwo dzi tso anyigba la, afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi." data/train/EZK/EZK_021_Verse_015.mp3,"“Eya ta, nɔ ŋeŋem, Ame vi, ŋe le wo ŋkume kple dzigbagbã kple vevesese helĩhelĩ." data/train/EZK/EZK_027_Verse_000.mp3,"Ame siwo wɔa wò akɔfawo ŋu dɔ la, agble woƒe tɔdziʋuwo ɖi, ʋukulawo kple tɔdzidɔwɔlawo katã atsi tsitre ɖe ƒuta." data/train/EZK/EZK_012_Verse_011.mp3,"“Fiavi si le wo dome la, atsɔ eƒe nuwo ɖe abɔta adzo ne blukɔ do, eye woaɖe do ɖe gli la me nɛ be wòado to eme. Atsɔ nu atsyɔ eƒe mo ale be mate ŋu akpɔ anyigba la o." data/train/EZK/EZK_020_Verse_034.mp3,"‘Malé ŋku ɖe mia ŋu, mianɔ nye ameƒoti te, eye makplɔ mi ade nubabla ƒe sewo te." data/train/EZK/EZK_016_Verse_043.mp3,"Kpe ɖe esiawo ŋu la, nuɖuɖu siwo mena wò, siwo nye wɔ memee, ami kple notsi abe wò nuɖuɖu ene la, ètsɔ wo ɖo woƒe ŋkume abe vɔsa ʋeʋĩ lilili ene. Esiae va eme. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_008_Verse_010.mp3,"Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si wɔm wolea? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo Israel ƒe aƒe la le wɔwɔm le afi sia? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo anyam ɖa boo tso nye teƒe kɔkɔe la gbɔa? Ke àgakpɔ nu bubu siwo nyɔ ŋu sãa wu esiawo.”" data/train/EZK/EZK_046_Verse_023.mp3,"“ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ele be xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nanɔ tutu le dɔwɔŋkeke adeawo me, ke woaʋui le Dzudzɔgbe la kple Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui la dzi." data/train/EZK/EZK_044_Verse_009.mp3,"“ ‘Ke nunɔlaawo, ame siwo nye Levitɔwo kple Zadok ƒe dzidzimeviwo, eye wowɔ woƒe dɔdeasiwo le nye kɔkɔeƒe la kple nuteƒewɔwɔ esime Israelviwo tra mɔ tso gbɔnye la, ate va, eye woasubɔ le nye ŋkume. Woatsi tsitre ɖe nye ŋkume be woasa vɔ kple lãmi kple ʋu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_029_Verse_004.mp3,"Egipte azu aƒedo kple gbegbe. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.” “ ‘Esi nègblɔ be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye, nyee wɔe” ta la," data/train/EZK/EZK_012_Verse_009.mp3,"“Eya ta ame vi, ƒo ƒu wò nuwo hena aboyomeyiyi. Le ŋkeke me, esi ameawo le kpɔwòm la, dze mɔ tso afi si nèle, nàyi teƒe bubu. Ɖewohĩ woase egɔme togbɔ be wonye aglãdzelawo hã." data/train/EZK/EZK_043_Verse_006.mp3,"Ele na wò be nàtsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene na nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo tso Zadok ƒe ƒome me, ame siwo va subɔna le nye ŋkume.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_039_Verse_005.mp3,"Dukɔawo hã anya be Israelviwo yi aboyome le woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena womewɔ nuteƒe nam o. Eya ta meɣla nye ŋkume ɖe wo, metsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wo katã wotsi yi nu." data/train/EZK/EZK_023_Verse_020.mp3,"“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Esi nèŋlɔm be, eye nètsɔm ƒu gbe ɖe megbe ta la, ele na wò be nàtsɔ wò ŋukpenanuwɔwɔwo kple wò gbolowɔwɔ ƒe yomedzenuwo.”" data/train/EZK/EZK_024_Verse_019.mp3,Miawɔ nu si mewɔ. Miatsɔ nu abla glã loo alo aɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o. data/train/EZK/EZK_031_Verse_011.mp3,"Eɖi fia le eƒe nyonyo me, le eƒe alɔwo ƒe keke ta, elabena eƒe kewo le tsi sɔgbɔ me." data/train/EZK/EZK_037_Verse_012.mp3,"Lé ati siwo dzi nèŋlɔ nu ɖo la ɖe woƒe ŋkume," data/train/EZK/EZK_026_Verse_017.mp3,"Mana nàzu agakpe si le ƒuƒlu, eye nàzu teƒe si woasia ɖɔwo ɖo. Womagbugbɔ wò atu akpɔakpɔ o, elabena, nye Yehowae ƒo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_022_Verse_019.mp3,"Le mewò la, ŋutsu aɖe wɔ ŋukpenanu kple nɔvia ŋutsu aɖe srɔ̃, ŋutsu bubu dɔ eya ŋutɔ via ŋutsu srɔ̃ gbɔ, eye bubu dɔ eya ŋutɔ nɔvia nyɔnu gbɔ, ame si nye eya ŋutɔ fofovia nyɔnu." data/train/EZK/EZK_017_Verse_002.mp3,"“Ame vi, to adzo, eye nàgblɔ lododo aɖe na Israel ƒe aƒe la." data/train/EZK/EZK_040_Verse_042.mp3,"Tete wòkplɔm yi xɔxɔnu emetɔ si le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòdzidze agbo la; eƒe dzidzeme nɔ abe bubuawo tɔwo ene." data/train/EZK/EZK_002_Verse_010.mp3,"Wokekee ɖe nye ŋkume. Woŋlɔ konyifanyawo, vevesenyawo kple nublanuinyawo ɖe agbalẽ la ƒe akpa eveawo." data/train/EZK/EZK_034_Verse_023.mp3,"Miedo ŋusẽ alẽ siwo gbɔdzɔ o, mieda gbe le alẽ siwo dze dɔ la ŋu o, eye miebla abi na esiwo nu vevi wɔ o. Miekplɔ esiwo tra mɔ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu o. Miekplɔ wo kple dzimagbɔɖi, eye miewɔ funyafunya wo." data/train/EZK/EZK_040_Verse_033.mp3,"Kplɔ̃ ene bubu hã gali siwo wowɔ kple kpe fufuwo hena numevɔsawo; ɖe sia ɖe didi mita ɖeka, keke mita ɖeka, eye wòkɔ mita afã. Woawo dzie wodaa gagbawo ɖo hena numevɔsalãwo kple vɔsa bubuwo ƒe lãwo wuwu." data/train/EZK/EZK_037_Verse_001.mp3,"Ale megblɔ nya ɖi abe ale si wòɖo nam ene, eye gbɔgbɔ ge ɖe wo me. Wogbɔ agbe, eye wotsi tsitre; aʋakɔ gã aɖee." data/train/EZK/EZK_012_Verse_019.mp3,"Le ŋdi me la, Yehowa ƒe nya va nam be," data/train/EZK/EZK_011_Verse_023.mp3,"Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, ame siawoe le nugbe ɖom ɖe dua ŋu, eye wole aɖaŋu vɔ̃ ɖom na amewo le dua me." data/train/EZK/EZK_008_Verse_002.mp3,"Edo nane si le abe asi ene ɖa, eye wolé nye taɖa. Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi yi anyigba kple dziƒo dome, eye le Mawu ƒe ŋutega aɖe me la, ekɔm yi Yerusalem, yi ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo anyiehetɔ ƒe mɔnu, afi si legba si nyɔa ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe le Mawu me la le." data/train/EZK/EZK_040_Verse_030.mp3,"Gli si kɔ mita afã la le xɔvi ɖe sia ɖe nu, eye xɔviawo ƒe didime kple kekeme siaa nye mita etɔ̃." data/train/EZK/EZK_003_Verse_018.mp3,"Mawɔ wò ŋgonu wòasẽ wu agakpe, eye wòasẽ wu gayibɔ. Mègavɔ̃ wo alo nàna woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wotso ƒome dzeaglã me hã.”" data/train/EZK/EZK_048_Verse_007.mp3,Efraim axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Manase ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. data/train/EZK/EZK_011_Verse_003.mp3,"Ekema woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye woakpɔ egbɔ be, yewowɔ nye seawo dzi. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu." data/train/EZK/EZK_030_Verse_013.mp3,"Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be," data/train/EZK/EZK_041_Verse_016.mp3,Mekpɔ be woƒu kpo ƒo xlã gbedoxɔ la wòzu gɔmeɖokpe na axadzixɔawo. Ekeke abe dzidzeti la ƒe didime ene: mita etɔ̃. data/train/EZK/EZK_010_Verse_015.mp3,"Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho tso kerubiawo tame, eye wòyi gbedoxɔ la ƒe kpui nu. Lilikpo la yɔ gbedoxɔ la fũu, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ yɔ xɔxɔnu la." data/train/EZK/EZK_034_Verse_016.mp3,"Makpɔ wo dzi le lãnyiƒe nyui aɖe, eye Israel ƒe tonyigbawo anye woƒe gbeɖuƒe. Afi ma woatsyɔ akɔ anyi ɖe gbeɖuƒe nyui aɖe, eye afi ma woaɖu gbe le lãnyiƒe dama aɖe le Israel ƒe towo dzi." data/train/EZK/EZK_046_Verse_022.mp3,"Nuɖuvɔsa si wòna kpe ɖe agbo la ŋu la, anye wɔ agba ɖeka, eye nuɖuvɔsa si kpe ɖe agbo fɛ̃awo ŋu la asɔ gbɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe didi nu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖeka ɖe sia ɖe ŋu." data/train/EZK/EZK_041_Verse_013.mp3,kple nunɔlawo ƒe xɔwo dome la keke mita ewo ƒo xlã gbedoxɔ la. data/train/EZK/EZK_012_Verse_023.mp3,"Tsɔ wo ɖe wò abɔta le woƒe ŋkume, eye nàtsɔ wo adzoe ne blukɔ do. Tsyɔ nu mo ale be màkpɔ anyigba la o, elabena metsɔ wò wɔ dzesii na Israel ƒe aƒe la.”" data/train/EZK/EZK_029_Verse_000.mp3,"“Ame vi, Nebukadnezar, Babilonia fia, ho aʋa kple eƒe dukɔ ɖe Tiro ŋu; tawo katã bebe, eye abɔtawo katã ɖe bo. Ke eya kple eƒe aʋakɔ mekpɔ fetu aɖeke tso aʋahoho ɖe Tiro ŋu me o." data/train/EZK/EZK_036_Verse_034.mp3,"miagaɖu amelã azɔ o, eye miagatsrɔ̃ ɖeviwo na dukɔa azɔ o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_044_Verse_025.mp3,"Woabla ta kple tablanu aklalatɔwo, eye woado aklalawutewuiwo ɖe ali. Womado naneke si ana woate fifia o." data/train/EZK/EZK_040_Verse_036.mp3,"Le akpata si le agbo la nu me la, kplɔ̃ eve le axa ɖe sia ɖe dzi. Kplɔ̃ siawo dzi wowua numevɔsalãwo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo kple fɔɖivɔsalãwo le." data/train/EZK/EZK_023_Verse_033.mp3,"Megblɔ tso ame si ŋu wɔna vɔ le le ahasiwɔwɔ ta be, ‘Azɔ la, mina woazãe abe gbolo ene, elabena eya koe nye nu si wònye.’" data/train/EZK/EZK_018_Verse_005.mp3,“Etea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe to. Edaa adzo ame. Megbugbɔa awɔbanu na nutɔ o. Ekpɔa legbawo dzi ɖa. Ewɔa ŋukpenanuwo. data/train/EZK/EZK_028_Verse_019.mp3,"Woanɔ dedie le afi ma, woatu xɔwo, eye woade waingble, woanɔ dedie ne mehe to na ame siwo katã ƒo xlã wo, eye wodoa vlo wo. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.’ ”" data/train/EZK/EZK_014_Verse_018.mp3,Mawɔ alea ale be magbugbɔ Israel ƒe ame siwo katã gblẽm ɖi le woƒe legbawo ta la ƒe dziwo axɔ.’ data/train/EZK/EZK_021_Verse_004.mp3,"“Ame vi, gblɔ nya ɖi be ‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Yi, yi, wonyree eye wotutu eŋuti wòle dzo dam." data/train/EZK/EZK_007_Verse_011.mp3,"Mana wo katã nazu afunyinu na amedzrowo kple nuhaha na ŋutaselã siwo le anyigba dzi, eye woagblẽ kɔ ɖo na wo." data/train/EZK/EZK_001_Verse_006.mp3,eye woƒe aʋalawo ka wo nɔewo ŋuti. Wo dometɔ ɖe sia ɖe yia ŋgɔ tẽe; wometrɔa kɔ ne wole yiyim o. data/train/EZK/EZK_007_Verse_022.mp3,"“ ‘Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo dzi, eye woƒe sika azu nu makɔmakɔ. Woƒe klosalo kple sika mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe la o. Womatsɔe atsi woƒe dɔwuame nu o, eye womatsɔe aɖi ƒoe na wo o, elabena ena wodze nu vɔ̃ me." data/train/EZK/EZK_028_Verse_007.mp3,"Èwɔ wò nunya kple gɔmesese ŋu dɔ hekpɔ hotsui na ɖokuiwò, eye nèƒo ƒu sika kple klosalo ɖe wò nudzraɖoƒewo." data/train/EZK/EZK_001_Verse_027.mp3,"Woƒe mowo dzena ale: amegbetɔ ƒe mo li na wo ame eneawo dometɔ ɖe sia ɖe; dzata ƒe mo le ɖusime, nyitsu ƒe mo le miame, eye hɔ̃ ƒe mo li na ɖe sia ɖe." data/train/EZK/EZK_030_Verse_022.mp3,"Tapanhes ƒe ŋkeke ado viviti, ne mekaka Egipte ƒe kɔkuti; afi mae Egipte ƒe ŋusẽ, si dzi wòdana ɖo la, aɖo eƒe seƒe le. Lilikpo atsyɔ edzi, eye woaɖe aboyo eƒe duwo me tɔwo." data/train/EZK/EZK_014_Verse_002.mp3,"“Alo ne meɖo yi ɖe anyigba ma dzi hegblɔ be, ‘Yi la nato anyigba la dzi,’ eye mewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la," data/train/EZK/EZK_048_Verse_003.mp3,"“Anyigba si miana abe lɔlɔ̃nununana tɔxɛ ene la, anɔ Yuda ƒe anyigba ƒe liƒo dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. Akeke mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye eƒe didime tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe asɔ kple to ɖeka ƒe anyigba tɔ. Kɔkɔeƒe la anɔ eƒe titina." data/train/EZK/EZK_043_Verse_000.mp3,"“Ame vi, ƒo nu tso gbedoxɔ la ŋu na Israelviwo, ale be woƒe nu vɔ̃wo nakpe ŋu na wo. Na woabu ɖoɖo la ŋu," data/train/EZK/EZK_043_Verse_014.mp3,"Kɔ yametɔ hã sɔ le didime kple kekeme me, eye ɖe sia ɖe didi mita adre, woɖo to nɛ ƒo xlã wòkɔ mita afã ƒe afã. Tsitoƒe la de eme mita afã ƒo xlã va kpe. Vɔsamlekpui la ƒe atrakpuiwo dze ŋgɔ ɣedzeƒe.”" data/train/EZK/EZK_012_Verse_003.mp3,"“Ame vi, nu kae nye lododo sia si le mia si le Israel ƒe anyigba dzi be, ‘Ŋkekeawo le yiyim, eye ŋutega ɖe sia ɖe nye dzodzro.’" data/train/EZK/EZK_010_Verse_012.mp3,"Ne wole zɔzɔm la, woyia teƒe eneawo dometɔ ɖeka, afi si kerubi la atrɔ mo ɖo. Tasiaɖamfɔtiawo metrɔna to eme hafi dzea kerubi la yome o. Kerubi la yia afi sia afi si wòtrɔ mo ɖo, eye wometrɔna le zɔzɔme o." data/train/EZK/EZK_016_Verse_005.mp3,"Ale mekɔ nye alɔ dzi ɖe ŋuwò, eye meɖe wò anyigba ƒe lolome dzi kpɔtɔ. Metsɔ wò de asi na wò futɔwo ƒe ŋukeklẽ, Filistitɔwo ƒe nyɔnuviwo, ame siwo wò ŋukpenanuwɔnawo wɔ nuku na." data/train/EZK/EZK_027_Verse_031.mp3,"“Yuda kple Israel wotsa asi kpli wò. Wotsɔ lu tso Minit, ƒo, anyitsi, ami kple lifi ɖɔli wò adzɔnuwoe." data/train/EZK/EZK_027_Verse_036.mp3,"Ƒutatɔwo katã ƒe nu ku ɖe ŋuwò; woƒe fiawo le dzodzom nyanyanya kple ŋɔdzi, eye woyɔ mo kple vɔvɔ̃." data/train/EZK/EZK_016_Verse_042.mp3,"Ke maɖo ŋku nubabla si mewɔ kpli wò le wò ɖetugbimeŋkekewo me la dzi, eye mawɔ nubabla mavɔ kple wò." data/train/EZK/EZK_022_Verse_005.mp3,"Anyigba la dzi nɔlawo baa ame, eye wodaa adzo; wotea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe anyi, wowɔa nu madzɔmadzɔwo ɖe amedzrowo ŋu, eye womedrɔ̃a nya dzɔdzɔe na wo o." data/train/EZK/EZK_034_Verse_030.mp3,Ɖe mesɔ gbɔ na mi be miaɖu gbe le lãnyiƒe damawo oa? Ɖe wòle be miatu afɔ miaƒe lãnyiƒe si susɔ la dzia? Mesɔ gbɔ na mi be miano tsi nyui oa? Ɖe wòle be miatsɔ miaƒe afɔ ablu ba ɖe tsi si susɔ la mea? data/train/EZK/EZK_044_Verse_020.mp3,Nunɔla aɖeke mano wain ne wòge ɖe xɔxɔnu emetɔ o. data/train/EZK/EZK_023_Verse_043.mp3,"Woaɖe wò avɔwu ɖa le ŋuwò, eye woatsɔ wò sikanuwo adzoe." data/train/EZK/EZK_032_Verse_022.mp3,"Matsɔ wò aƒu gbe ɖe anyigba dzi, Eye mada wò ɖe gbedzi, Mana dziƒoxeviwo katã nadze ɖe dziwò, Eye anyigbadzilã wɔadãwo katã Nanya avuzi le dziwò." data/train/EZK/EZK_031_Verse_004.mp3,"“Ame vi, gblɔ na Farao, Egipte fia kple eƒe ame gbogboawo be, “Ame kae woate ŋu atsɔ asɔ kple wò le fianyenye me?" data/train/EZK/EZK_018_Verse_011.mp3,"Ke Israel ƒe aƒe le gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o?” Menye miawo ƒe mɔwo boŋue mele eteƒe oa?" data/train/EZK/EZK_010_Verse_001.mp3,"Esi meda ŋku ɖi la, kerubiawo keke woƒe aʋalawo, dzo tso anyigba, eye esi woyina la, tasiaɖamfɔtiawo hã yi kpli wo. Wotɔ ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe ɣedzeƒegbo la tame, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe nɔ wo tame." data/train/EZK/EZK_027_Verse_034.mp3,"“Ŋutsuwo tso Persia, Lidia kple Put nye asrafowo le wò aʋakɔ me. Woku woƒe akpoxɔnuwo kple kukuwo ɖe wò gliwo ŋu, eye woɖo atsyɔ̃ na wò." data/train/EZK/EZK_013_Verse_002.mp3,"Ale maɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe gli la kple ame siwo si akalo nɛ la ŋu. Magblɔ na mi be, “Gli la megali o, eya ta ame siwo si akalo nɛ la hã maganɔ anyi o." data/train/EZK/EZK_018_Verse_025.mp3,"“Meɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi o, alo kpɔa Israel ƒe aƒe ƒe legbawo dzi ɖa o. Medɔa ehavi srɔ̃ gbɔ o." data/train/EZK/EZK_027_Verse_027.mp3,"Woalũ ta ɖe tawò, eye woata akpanya. Woafa avi ɖe tawò kple luʋɔ ƒe vevesese kple konyifafa vevie." data/train/EZK/EZK_039_Verse_007.mp3,"“ ‘Ekema ame siwo le Israel ƒe duwo me la, ado go, eye woawɔ woƒe aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene, woatɔ dzo wo, akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple gãtɔwo siaa, woƒe dawo kple datiwo siaa, woƒe kpowo kple akplɔwo siaa. Woawɔ wo ŋu dɔ hena dzododo ƒe adre sɔŋ." data/train/EZK/EZK_024_Verse_016.mp3,"Gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mele kɔ gblẽ ge ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽteƒe si dzi miedana ɖo, teƒe si doa dzidzɔ na miaƒe ŋkuwo kple teƒe si mielɔ̃. Viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegble ɖi la atsi yinu" data/train/EZK/EZK_007_Verse_017.mp3,"Nyemakpɔ nublanui na mi alo aɖe mi o. Mahe to na mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu kple ɖe miaƒe ŋukpenanu siwo le edzi yim le mia dome la ta. “ ‘Ekema mianya be nye, Yehowae tu nu kpli mi." data/train/EZK/EZK_040_Verse_032.mp3,Kpenyigba le agbo la ƒe axawo dzi ɖe agbo la ƒe didime nu. Esiae nye kpenyigba si le anyigbeme lɔƒo. data/train/EZK/EZK_041_Verse_002.mp3,"Axadzixɔawo le ɖoɖo etɔ̃ me, ɖoɖo ɖeka le nɔvia tame, eye xɔ blaetɔ̃ le ɖoɖo ɖe sia ɖe me. Wonɔ gbedoxɔ la ƒe gliwo ŋu be, woalé axadzixɔawo ɖe asi ale be léɖeasiwo mege ɖe gbedoxɔ la ƒe gliwo me o." data/train/EZK/EZK_016_Verse_006.mp3,"Ale nèyi gbolowɔwɔ dzi wu, eye wòlɔ asitsalawo ƒe anyigba, Babilonia ɖe eme. Ke esia gɔ̃ hã meɖi kɔ na wò o.”" data/train/EZK/EZK_027_Verse_024.mp3,"Wò nɔƒe nɔ atsiaƒu dzi, ame siwo tu wò la na wò nyonyo de blibo." data/train/EZK/EZK_020_Verse_004.mp3,"“Ame vi, ƒo nu na Israel ƒe ametsitsiwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ. Nyee mieva gbe bia gea? Meta nye agbe be nyemana miabia gbem o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’" data/train/EZK/EZK_007_Verse_006.mp3,"Esusɔ vie matrɔ nye dziku akɔ ɖe mia dzi, eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe mia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu, eye mahe to na mi ɖe miaƒe ŋukpenanuwo katã ta." data/train/EZK/EZK_016_Verse_010.mp3,"“Ame sia ame si doa lo la, ado lo sia tso ŋuwò, ‘Ale si vinɔ le la, nenemae via nyɔnu hã nɔna.’" data/train/EZK/EZK_045_Verse_005.mp3,"“ ‘Ele na mi be miatsɔ anyigba si keke mita akpe eve alafa adre (2,700), eye wòdidi mita akpe wuietɔ̃ alafa atɔ̃ (13,000) la ana du gã la abe etɔ ene, eye wòatɔ ɖe teƒe kɔkɔe la ŋu. Anye Israel ƒe aƒe blibo la tɔ." data/train/EZK/EZK_008_Verse_016.mp3,"Le esia ta la, matu nu kpli wo le dziku me. Nyemakpɔ nublanui na wo loo alo aɖewo o. Togbɔ be woado ɣli ɖe tome nam hã la, nyemaɖo to wo o.”" data/train/EZK/EZK_021_Verse_029.mp3,Wonyree hena amewuwu wotutu eŋu be wòada dzo abe dzikedzo ene! “ ‘Ɖe míatso aseye le vinye Yuda ƒe fiatikplɔ ŋua? Yi doa vlo ati ma tɔgbi ɖe sia ɖe. data/train/EZK/EZK_034_Verse_026.mp3,"‘Nye Aƒetɔ Yehowa, meta nye agbe be, esi alẽkplɔla meli na nye alẽawo o, zi ale si woha nye alẽawo, eye wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo, eye esi nye alẽkplɔlawo medi nye alẽawo o, ke boŋ wolé be na woawo ŋutɔ ɖokui, eye menye na nye alẽawo o ta la," data/train/EZK/EZK_014_Verse_000.mp3,"“Alo ne meɖo dɔvɔ̃ ɖe anyigba ma dzi, eye meɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe edzi to ʋukɔkɔɖi me hewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la," data/train/EZK/EZK_040_Verse_008.mp3,"Dzɔlawo ƒe nɔƒe didi dzidzeti ɖeka hekeke dzidzeti ɖeka. Gli siwo do ɖa ɖe nɔƒeawo dome la tri mita eve kple afã, eye teƒe si le agboa nu yi yaxɔƒe si dze ŋgɔ gbedoxɔa la keke dzidzeti ɖeka." data/train/EZK/EZK_029_Verse_018.mp3,"Mana Egiptenyigba nazu aƒedo le anyigba siwo wògblẽ la dome, eye eƒe duwo azu aƒedo ƒe blaene le du siwo wogbã la dome. Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, akaka wo, ahlẽ ɖe anyigbawo dzi." data/train/EZK/EZK_004_Verse_006.mp3,"Emegbe la, nàtsɔ gagba awɔ gagli ɖe wò kple dua ƒe gliwo dome, eye nàdze ŋgɔe. Woaɖe to ɖee, eye nàxaxae ɖo. Esia anye dzesi aɖe na Israel ƒe aƒe la." data/train/EZK/EZK_045_Verse_010.mp3,"Gbe ma gbe la, fiavi ŋutsuvi la ana nyitsu ɖeka hena nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe eɖokui kple ame siwo katã le anyigba la dzi la ta." data/train/EZK/EZK_020_Verse_027.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, mekɔ nye asi dzi heka atam na wo le gbea dzi be nyemakplɔ wo ayi anyigba si mena wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, anyigba si nya kpɔna wu bubuawo katã la dzi o;" data/train/EZK/EZK_040_Verse_043.mp3,"Tete wòyi agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ. Elia eƒe atrakpuiwo, eye wòdzidze agbo la ƒe agbalinu wòkeke dzidzeti ɖeka." data/train/EZK/EZK_040_Verse_026.mp3,"Eƒe mɔnuwo, akpata la kple eƒe detitatawo ƒe dzidzemewo le abe ɣedzeƒegbo la tɔwo ene. Atrakpui adre le eŋu, eye eƒe akpata le atrakpuiawo xa." data/train/EZK/EZK_031_Verse_015.mp3,"metsɔe de asi na dukɔwo dziɖula be wòatu nu kplii ɖe eƒe ŋutasesẽ ta. Meɖee ɖe aga," data/train/EZK/EZK_017_Verse_023.mp3,"Wodoe ɖe anyigba nyui aɖe si dzi tsi bɔ ɖo, ale be wòato alɔ, atse ku, eye wòazu wainti nyui aɖe.’" data/train/EZK/EZK_025_Verse_004.mp3,"ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Mado nye asi ɖa ɖe Edom ŋu, eye mawu eƒe amewo kple woƒe lãwo. Mana wòazu gbegbe, eye eƒe amewo atsi yi nu tso Teman va se ɖe Dedan." data/train/EZK/EZK_018_Verse_032.mp3,Ɖe mekpɔa dzidzɔ le ame vɔ̃ɖi ƒe ku ŋutia? Ke boŋ ɖe nyemekpɔa dzidzɔ ne wotrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi henɔ agbe nyui oa?” Nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ. data/train/EZK/EZK_033_Verse_005.mp3,"ekema ne ame aɖe se kpẽ la, gake melé fɔ ɖe nuxlɔ̃ame la ŋu o, eye yi la va wui la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi." data/train/EZK/EZK_004_Verse_015.mp3,"“Tsɔ bli, lu, ayi, ƒo kple mɔlu dzra ɖo ɖe ze me, tsɔ wo nàƒo aboloe na ɖokuiwò, eye nàɖui le ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke (390) siwo me nàmlɔ axadzi." data/train/EZK/EZK_030_Verse_016.mp3,"Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye maka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi." data/train/EZK/EZK_040_Verse_014.mp3,"Egblɔ nam be, “Xɔ si dze ŋgɔ dziehe gome lae nye nunɔla siwo kpɔa gbedoxɔ la dzi la tɔ," data/train/EZK/EZK_034_Verse_027.mp3,"Nye, Yehowa, manye woƒe Mawu, eye nye dɔla, David anye fiavi ŋutsuvi anɔ wo dome.’ Nye, Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_027_Verse_032.mp3,"Ŋutsuwo tso Arvad kple Helek dzɔ wò gliwo ŋu le akpawo katã, eye ŋutsuwo tso Gamad nye wò gbetakpɔlawo. Wotsɔ woƒe akpoxɔnuwo ku wò gliwo ŋu, eye wodo wò nyonyo ɖe dzi bobobo." data/train/EZK/EZK_032_Verse_010.mp3,“Esiae nye konyifaha si woadzi nɛ. Dukɔawo ƒe vinyɔnuviwo adzii nɛ. Woadzii na Egipte kple eƒe amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” data/train/EZK/EZK_019_Verse_013.mp3,"Tete dukɔ siwo tso nuto ma me godoo la tso ɖe eŋu. Woɖo ɖɔ nɛ, eye woɖee le woƒe asɔʋe me." data/train/EZK/EZK_034_Verse_001.mp3,"Ale wokaka, elabena alẽkplɔla aɖeke mele wo si o, eye esi wokaka la, wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo." data/train/EZK/EZK_032_Verse_001.mp3,"“Ame vi, fa avi ɖe Egipte ƒe ame gbogboawo ŋu, eye nàna woayi tome, Egipte kple dukɔ sesẽwo ƒe vinyɔnuviwo kple ame siwo yi aʋlime." data/train/EZK/EZK_036_Verse_000.mp3,"abe alẽ siwo woatsɔ asa vɔwoe le Yerusalem le ŋkekenyuiɖuɣiwo ene. Nenemae amewo ayɔ du siwo gbã la me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.’ ”" data/train/EZK/EZK_033_Verse_030.mp3,"Nenema ke ne ame vɔ̃ɖi aɖe ɖe asi le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋuti, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wòle eteƒe la, anɔ agbe to nu sia wɔwɔ me." data/train/EZK/EZK_014_Verse_008.mp3,"Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ ƒe agbe be, ne ame etɔ̃ siawo nɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ko woaɖe." data/train/EZK/EZK_027_Verse_020.mp3,"Sidon kple Arvad ŋutsuwo nye wò ʋukulawo, eye Tiro, wò aɖaŋutɔwoe nye wò tɔdzidɔwɔlawo." data/train/EZK/EZK_027_Verse_010.mp3,"Egiptetɔwo ƒe aklala si me wolɔ̃ nu ŋɔŋɔewo ɖo nye wò abala, eye wonye wo aflaga; wò agbadɔwoe nye avɔ blɔtɔ kple dzĩtɔ tso Elisa ƒuta." data/train/EZK/EZK_038_Verse_009.mp3,"Gomer hã kple eƒe aʋawɔlawo katã kple Bet Togarma tso keke anyiehe ke kple eƒe aʋawɔlawo katã, dukɔ geɖewo akpe ɖe ŋuwò.”" data/train/EZK/EZK_038_Verse_020.mp3,"Seba kple Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kple eƒe kɔƒewo me nɔlawo katã woagblɔ na wò be, “Ɖe nèva be yeaha mía? Ɖe nèkplɔ wò amewo vɛ be woaha mí, woatsɔ klosalo kple sika kple kesinɔnuwo kple afunyinuwo adzoea?”" data/train/EZK/EZK_001_Verse_014.mp3,"Nane si ɖi fiazikpui si wowɔ kple kpe xɔasi ene la le nu si xe woƒe tame la tame, eye nane si ɖi ame la nɔ fiazikpui la dzi le yame ʋĩi." data/train/EZK/EZK_048_Verse_004.mp3,Aser axɔ mama ɖeka; ado liƒo kple Dan ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. data/train/EZK/EZK_011_Verse_012.mp3,"Ke ame siwo ƒe dzi ku ɖe woƒe aklamakpakpɛ maɖinuwo kple legba nyɔŋuwo ŋu la, mana nu siwo wowɔ la nava woawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”" data/train/EZK/EZK_040_Verse_039.mp3,"Le míaƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaeve-vɔ-atɔ̃lia me, le ƒea ƒe gɔmedzedze, le ɣletia ƒe ŋkeke ewolia gbe, le du la ƒe gbagbã ƒe ƒe wuienelia megbe, le ŋkeke ma tututu dzi la, Yehowa ƒe asi nɔ dzinye, eye wòkplɔm yi afi mae." data/train/EZK/EZK_024_Verse_005.mp3,"“ ‘Azɔ la, wò nu makɔmakɔe nye ŋukpenanuwɔwɔ. Esi medze agbagba be makɔ ŋuwò, ke esi mèna be woakɔ ŋuwò le wò makɔmakɔnyenye me o ta la, màgakɔ azɔ o va se ɖe esime nye dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe ŋuwò nu nabɔbɔ." data/train/EZK/EZK_034_Verse_017.mp3,"Mana alẽkplɔla ɖeka nye dɔla David nakplɔ wo, eye wòakpɔ wo dzi abe woƒe alẽkplɔla ene." data/train/EZK/EZK_003_Verse_024.mp3,Nu gbagbeawo ƒe aʋalawo ƒe lili ɖe wo nɔewo ŋu ƒe ɖiɖi kple tasiaɖam ƒe afɔwo ƒe ɖiɖi sesĩe le wo xa. data/train/EZK/EZK_036_Verse_019.mp3,"eye mana amewo nasɔ gbɔ ɖe mia dzi, Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã. Amewo anɔ duawo me, eye woagbugbɔ du gbagbãwo atu." data/train/EZK/EZK_020_Verse_025.mp3,"“ ‘Ke ɖeviawo dze aglã ɖe ŋunye. Womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye womekpɔ egbɔ be yewoawɔ ɖe nye seawo dzi o, togbɔ be mena wonya be, ame siwo wɔ ɖe wo dzi la anɔ agbe hafi. Wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe wo dzi le gbea dzi." data/train/EZK/EZK_044_Verse_027.mp3,"Woawo koe age ɖe nye Kɔkɔeƒe la. Woawo koe ate ɖe nye kplɔ̃ la ŋu be woasubɔ le nye ŋkume, eye woawɔ nye dɔdeasi.’" data/train/EZK/EZK_029_Verse_016.mp3,"Magblẽ wò ɖe gbegbe, wò kple wò tɔwo me lãwo katã; àdze gbadzaƒe dzi, womafɔ wò alo atsɔ wò o. Mawɔ wò nàzu nuɖuɖu na gbemelãwo kple dziƒoxeviwo." data/train/EZK/EZK_045_Verse_001.mp3,"Anye anyigba la ƒe akpa kɔkɔe na nunɔlawo, ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Kɔkɔeƒe la, eye wotena vana be woasubɔ le Yehowa ŋkume. Anye teƒe na woƒe aƒewo kple Kɔkɔeƒe la siaa." data/train/EZK/EZK_004_Verse_012.mp3,"“Ne èwɔ esia vɔ la, nàgamlɔ anyi, azɔ ɖe wò ɖusimekpa dzi, eye nàtsɔ Yuda ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo. Metsɔ ŋkeke blaene na wò, ŋkeke ɖeka ɖe ƒe ɖeka nu." data/train/EZK/EZK_022_Verse_006.mp3,"Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi mi katã miezu aŋɔka ta la, maƒo ƒu mi ayi Yerusalem." data/train/EZK/EZK_021_Verse_028.mp3,"Tsɔ yi la de eƒe aku me. Madrɔ̃ ʋɔnu wò le teƒe si wowɔ wò le, le fofowòwo ƒe anyigba dzi." data/train/EZK/EZK_003_Verse_015.mp3,"Ke ne meƒo nu na wò la, maʋu nu na wò, eye nàgblɔ na ameawo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’ Ame sia ame si aɖo toe la, neɖo toe, eye ame sia ame si agbe toɖoɖoe la, negbe, elabena ƒome dzeaglãwo wonye.”" data/train/EZK/EZK_042_Verse_008.mp3,"eye mɔnu aɖe nɔ wo ŋgɔ. Esiawo nɔ abe xɔ siwo nɔ anyiehe ene. Woƒe didime sɔ kple woƒe kekeme, eye woƒe mɔnuwo kple dzidzemewo ɖi anyiehexɔwo tɔwo. Woƒe mɔnuwo" data/train/EZK/EZK_046_Verse_020.mp3,"Nu siwo wòana hena nuɖuvɔsa la woe nye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu la ŋu, eye wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo la ŋu, wòana nu si eya ŋutɔ lɔ̃ la kpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu." data/train/EZK/EZK_006_Verse_004.mp3,"Ekema le dukɔ siwo me woɖe aboyo wo yi la, ame siwo asi la, aɖo ŋku dzinye. Woaɖo ŋku ale si woƒe ahasiwɔdzi siwo trɔ le yonyeme kple ale si woƒe ŋkuwo nɔ woƒe legbawo ŋu la na mese vevee la dzi, woase veve ɖe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ kple woƒe wɔna nyɔŋuwo katã ta." data/train/EZK/EZK_010_Verse_010.mp3,"Ne kerubiawo tɔ la, woawo hã wotɔna, eye ne kerubiawo dzo la, woawo hã wodzona kpli wo, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ wo me." data/train/EZK/EZK_008_Verse_000.mp3,"Ale meyi, eye mekpɔ be wota nu siwo tana kple lã nyɔŋuwo kple Israel ƒe aƒe la ƒe legba ƒomeviwo katã ɖe gliawo ŋu va kpe ɖo." data/train/EZK/EZK_018_Verse_010.mp3,"Ke fofoa ya aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, elabena exɔa nu sesẽtɔe le ame si, daa adzo nɔvia, eye wòwɔa nu si gblẽ la le eƒe amewo dome." data/train/EZK/EZK_020_Verse_037.mp3,"Megblɔ na wo be, “Mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe asi le aklamakpakpɛ dzodzro siwo dzi mieda ŋku ɖo la ŋu, eye migagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo kple Egipte legbawo o. Nyee nye Aƒetɔ Yehowa, miaƒe Mawu la.”" data/train/EZK/EZK_036_Verse_030.mp3,"Medi be mianya be nyemele nu siawo wɔm le mia ta o; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Mina ŋu nakpe mi, eye miaɖi gbɔ̃ mia ɖokui le miaƒe wɔnawo ta, O! Israel ƒe aƒe.”" data/train/EZK/EZK_028_Verse_020.mp3,"Woatutu wò ade aʋlime, eye àku ku veve aɖe le atsiaƒuwo titina." data/train/EZK/EZK_036_Verse_038.mp3,"Woagblɔ be anyigba si nye gbegbe tsã la, va ɖi Edenbɔ azɔ. Du siwo gbã, eye wozu aƒedo tsã la, woglã wo, eye amewo le wo me." data/train/EZK/EZK_047_Verse_009.mp3,"Ele be miamae abe domenyinu ene na mia ɖokuiwo kple amedzro siwo va tsi mia dome, ame siwo si viwo le. Ele be miabu wo abe Israelvi dzɔleaƒeawo ene. Abe miawo ŋutɔ ene la, woana domenyinu wo ɖe Israel ƒe towo dome." data/train/EZK/EZK_029_Verse_009.mp3,"“ ‘Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Mahe yi aɖe ɖe ŋuwò, wòawu wò amewo kple woƒe lãwo." data/train/EZK/EZK_026_Verse_000.mp3,"“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Tiroe nye si. ‘Ɖe wò ƒuta maʋuʋu kpekpekpe le wò anyidzedze ƒe ɖiɖi ta, ne abixɔlawo le hũu ɖem, eye amewuwu le edzi yim le mewò oa?" data/train/EZK/EZK_020_Verse_032.mp3,"Makplɔ mi ayi dukɔwo ƒe gbedzi, eye le ŋkume kple ŋkume, le afi ma la, mabu fɔ mi." data/train/EZK/EZK_029_Verse_003.mp3,"Anye fiaɖuƒe gblɔetɔ le fiaɖuƒewo dome, eye magado eɖokui ɖe dzi wu fiaɖuƒe bubuawo o. Mana wòagbɔdzɔ ale gbegbe be, magaɖu dukɔ bubuwo dzi azɔ o." data/train/EZK/EZK_038_Verse_001.mp3,"Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Le ŋkeke ma dzi la, susuwo aɖo ta me na wò, eye nàwɔ ɖoɖo vɔ̃ aɖe.”" data/train/EZK/EZK_030_Verse_023.mp3,"Woakplɔ eya kple eƒe aʋakɔ, ame siwo mekpɔa nublanui na amewo le dukɔwo katã dome o la, vɛ be woagblẽ anyigba la. Woaɖe woƒe yi le aku me ɖe Egipte ŋu, eye woana ame kukuwo nayɔ anyigba la dzi." data/train/EZK/EZK_025_Verse_015.mp3,"Matsɔ Moabtɔwo kple Amonitɔ na ɣedzeƒetɔwo woazu wo tɔ, ale be womagaɖo ŋku Amonitɔwo dzi le dukɔwo dome o," data/train/EZK/EZK_022_Verse_016.mp3,"Le mewò la, amewo xɔa zãnu be yewoakɔ ʋu ɖi. Woxɔa awɔbanu kple deme kɔkɔwo, eye wokpɔa viɖe madzemadze to wo nɔviwo baba me. Eye mieŋlɔm be. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_026_Verse_011.mp3,eye eƒe duwo le anyigba la dzi me tɔwo atsi yinu. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.” data/train/EZK/EZK_016_Verse_013.mp3,"Aƒetɔ Yehowae gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, nɔviwò nyɔnu Sodom kple via nyɔnuwo mewɔ nu si wò kple viwò nyɔnuwo miewɔ o.’" data/train/EZK/EZK_036_Verse_027.mp3,"Mana dzi yeye mi, eye made gbɔgbɔ yeye mia me; maɖe miaƒe kpedzi ɖa le mia me, eye mana lãkusidzi mi." data/train/EZK/EZK_016_Verse_014.mp3,"“Babaa! Babaa na wò! Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Kpe ɖe wò ŋutasẽnu bubuwo katã ŋuti la," data/train/EZK/EZK_010_Verse_009.mp3,"Mo ene nɔ kerubiawo dometɔ ɖe sia ɖe si. Moawo dometɔ ɖeka nye kerubi tɔ, evelia nye ame tɔ, etɔ̃lia nye dzata tɔ eye enelia nye hɔ̃ tɔ." data/train/EZK/EZK_040_Verse_022.mp3,eye wòdidi mita ene. Yaxɔƒe si le agboa nu la dze ŋgɔ gbedoxɔ la. data/train/EZK/EZK_023_Verse_038.mp3,"“Nɔvia nyɔnu Oholiba kpɔ nu sia, gake ede ŋgɔ le eƒe ŋutsuwo yometiti kple gbolowɔwɔ me wu nɔvia nyɔnu." data/train/EZK/EZK_013_Verse_004.mp3,"“Azɔ, ame vi, trɔ wò mo ɖe wò amewo ƒe vinyɔnuvi siwo gblɔ nya ɖi le woawo ŋutɔ ƒe susu nu la ŋu. Gblɔ nya ɖi tsi tsitre ɖe wo ŋu," data/train/EZK/EZK_033_Verse_025.mp3,"Ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋuti, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta." data/train/EZK/EZK_032_Verse_030.mp3,"Wotsɔ eya kple eƒe amehawo katã mlɔ Ame tsiaʋawo dome, woƒe yɔdowo ɖe to ɖee, bolotɔwo sɔŋ wonye, eye woda yi wo, elabena wode ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu; Ame tsiaʋawo dome wokɔ wo mlɔe." data/train/EZK/EZK_005_Verse_012.mp3,"Mia dome mama etɔ̃ ƒe ɖeka aku le dɔvɔ̃ ta alo atsrɔ̃ to dɔwuame me, mama etɔ̃ ƒe ɖeka bubu atsi yi nu le miaƒe gliwo godo, eye mama etɔ̃ ƒe ɖeka mamlɛa maka ahlẽ ɖe yawo nu, eye maɖe yi le aku me anya wo ɖe du nu.’" data/train/EZK/EZK_021_Verse_009.mp3,"“ ‘Dodokpɔɣi ava godoo. Ekema nya kae adzɔ ne Yuda ƒe fiatikplɔ, si yi doa vloe la, megayi edzi o? Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’" data/train/EZK/EZK_021_Verse_012.mp3,"elabena Babilonia fia atɔ ɖe mɔdzeƒe la, le mɔ eveawo dzeƒe, be yeaka afa. Aka nu kple aŋutrɔwo, abia gbe eƒe legbawo, eye wòalé ŋku ɖe eƒe aklã ŋuti." data/train/EZK/EZK_034_Verse_031.mp3,Ɖe wòle be nye alẽha naɖu gbe si dzi mietu afɔe eye woano tsi si me miefa ba ɖo kple miaƒe afɔwoa?’ data/train/EZK/EZK_030_Verse_015.mp3,"Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, ke Farao ya ƒe abɔwo aku ɖe eŋuti. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne metsɔ nye yi de asi na Babilonia fia be woanyee le yame ɖe Egipte ŋu." data/train/EZK/EZK_003_Verse_020.mp3,"Mese hoowɔwɔ sesẽ aɖe ƒe ɖiɖi le megbenye be, “Woakafu Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.”" data/train/EZK/EZK_003_Verse_001.mp3,"Ale metsi tsitre, eye meyi bali la me. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe nɔ tsitre ɖe afi ma abe ŋutikɔkɔe si mekpɔ le Kebar Tɔsisi la to ene, eye metsyɔ mo anyi." data/train/EZK/EZK_038_Verse_004.mp3,"Àlu ɖe nye dukɔ, Israel, dzi abe lilikpo si atsyɔ anyigba la dzi ene. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, O! Gog, mana nàtso ɖe nye anyigba ŋu, ale be dukɔwo adze sim ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to dziwò le woƒe ŋkume." data/train/EZK/EZK_029_Verse_005.mp3,"Egipte maganye dukɔ si ŋu Israelviwo naɖo dzi ɖo o, ke boŋ ana woaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ si na wotrɔ ɖe eŋu hebia kpekpeɖeŋu la dzi. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.” ’ ”" data/train/EZK/EZK_020_Verse_015.mp3,"eye nàgblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye gbe si gbe metia Israel la, mekɔ nye asi dzi, meka atam na Yakob ƒe aƒe ƒe dzidzimeviwo, eye meɖe ɖokuinye fia wo le Egipte. Mekɔ nye asi dzi hegblɔ na wo be, “Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la.”" data/train/EZK/EZK_012_Verse_017.mp3,"Ke maɖe wo dometɔ ʋɛ aɖewo tso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, ale be woaɖe gbeƒã woƒe ŋunyɔnuwɔnawo le dukɔ siwo me woayi. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.”" data/train/EZK/EZK_020_Verse_038.mp3,"Megblɔ na wo viwo le gbea dzi be, “Migazɔ ɖe mia fofowo ƒe ɖoɖowo nu o, migawɔ woƒe sewo dzi o, eye migagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo kple woƒe legbawo o." data/train/EZK/EZK_047_Verse_001.mp3,"Ame la kplɔm gbugbɔ va gbedoxɔ la ƒe mɔnu, eye mekpɔ tsi wònɔ dodom to gbedoxɔ la ƒe kpui te yina ɣedzeƒe lɔƒo, elabena gbedoxɔ la dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Tsi la nɔ dodom tso gbedoxɔ la ƒe dziehe lɔƒo to vɔsamlekpui la ƒe dziehe." data/train/EZK/EZK_023_Verse_016.mp3,"Esi wòkpɔ wo ko la, wodzroe, eye wòdɔ amewo ɖe wo le Babilonia." data/train/EZK/EZK_023_Verse_024.mp3,"“Gake eya gatsɔ gbolowɔwɔ yi ŋgɔe wu. Ekpɔ wota ŋutsuwo ɖe gli aɖe ŋu. Wota Babiloniatɔwo kple aŋɔ dzĩ," data/train/EZK/EZK_040_Verse_024.mp3,"Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ, detiwo ɖo atsyɔ̃ na eƒe sɔtiwo le eƒe axa eveawo dzi, eye atrakpui enyi nɔ ete." data/train/EZK/EZK_021_Verse_017.mp3,"Eye ne wobia wò be, ‘Nu ka ta nèle ŋeŋem ɖo?’ la, àɖo eŋu be, ‘Le nyadzɔdzɔ si gbɔna la ta. Dzi ɖe sia ɖe alolõ, asi ɖe sia ɖe adze ti, gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ayi to, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene.’ Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”" data/train/EZK/EZK_032_Verse_000.mp3,"“ ‘Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “ ‘Ameha gã aɖe akpe ɖe ŋunye, Mada nye ɖɔ ɖe dziwò, Eye woahe wò ava gota le nye ɖɔ me." data/train/EZK/EZK_017_Verse_008.mp3,"“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Zi ale si mele agbe la, mana nye atam si wòdo vloe kple nye nubabla si wòtu la nava eƒe ta dzi." data/train/EZK/EZK_033_Verse_017.mp3,"Ke ne gbetakpɔla la kpɔ yi la wògbɔna, eye meku kpẽ la be yeaɖo afɔ afɔta na ameawo o, eye yi la va wu wo dometɔ ɖeka la, woakplɔ ame la adzoe le eƒe nu vɔ̃ ta, gake mana gbetakpɔla la nana akɔnta le eƒe ʋu ŋuti." data/train/EZK/EZK_018_Verse_023.mp3,"Metea ame aɖeke ɖe to o. Ke egbugbɔa awɔbanu si wòxɔ ɖe fe nu la na nutɔ. Medaa adzo ame o, ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔ, eye wònaa nutata amamanɔla." data/train/EZK/EZK_010_Verse_000.mp3,"Azɔ la, kerubiawo nɔ tsitre ɖe gbedoxɔ la ƒe dziehe lɔƒo esi ame la ge ɖe eme, eye lilikpo yɔ xɔxɔnu emetɔ fũu." data/train/EZK/EZK_021_Verse_000.mp3,"Adze abe aʋatsoɖeɖefia ene na ame siwo do ŋugbe be yewoanɔ edzi, ke aɖo ŋku woƒe dzidadawo dzi na wo, eye woaɖe aboyo wo." data/train/EZK/EZK_040_Verse_047.mp3,"Xɔvi etɔ̃ le axa ɖe sia ɖe dzi. Eƒe domegliwo kple akpata la ƒe didime kple woƒe kekeme sɔ kple agbo gbãtɔ tɔwo. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã." data/train/EZK/EZK_047_Verse_023.mp3,"Tɔƒodelawo atsi tsitre ɖe tɔsisi la to, tso En Gedi yi En Eglaim, teƒe anɔ anyi na ɖɔkpɔkplɔ. Tɔmelã vovovowo anɔ anyi abe Atsiaƒu Gã la ƒe tɔmelãwo ene." data/train/EZK/EZK_022_Verse_024.mp3,"Miedo vlo nye nu kɔkɔewo, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo." data/train/EZK/EZK_043_Verse_005.mp3,"Ele na wò be nàna wo le Yehowa ŋkume, eye nunɔlaawo awu dze ɖe wo dzi, eye woatsɔ wo asa numevɔe na Yehowa." data/train/EZK/EZK_028_Verse_001.mp3,"“ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne meƒo ƒu Israelviwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo me la, mafia ɖokuinye kɔkɔe le wo dome le dukɔwo ŋkume. Ale woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba si metsɔ na nye dɔla, Yakob la dzi." data/train/EZK/EZK_010_Verse_014.mp3,"Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dzo le gbedoxɔ la ƒe kpui la tame, eye wòtɔ ɖe kerubiawo tame." data/train/EZK/EZK_041_Verse_026.mp3,"Ʋɔtruwo le axadzixɔawo ŋu tso teƒe si le woawo kple nunɔlawo ƒe xɔwo dome, ɖeka le anyiehe gome, eye bubu hã le dziehe gome. Teƒe sia keke mita eve kple afã ƒo xlã va kpe ɖo." data/train/EZK/EZK_022_Verse_025.mp3,"Ne wodo gu mi le dukɔwo ƒe ŋkume la, mianya be nyee nye Yehowa.’ ”" data/train/EZK/EZK_021_Verse_001.mp3,"ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Ɖe wò tablanu, eye nàɖe wò fiakuku. Maganɔ abe ale si wònɔ tsã la ene o: woado ame tsɛwo ɖe dzi, eye woabɔbɔ amegãwo ɖe anyi." data/train/EZK/EZK_032_Verse_020.mp3,"Mana wò ʋu natsa le anyigba la dzi, Ayi keke toawo te ke, Eye balimewo ayɔ fũu kple wò ŋutilã." data/train/EZK/EZK_010_Verse_021.mp3,"Yehowa ɖe gbe na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la be, “Ɖe dzo tso tasiaɖamfɔtiawo dome, le kerubiawo dome.” Ŋutsu la yi ɖatsi tsitre ɖe tasiaɖamfɔtiawo dometɔ ɖeka gbɔ." data/train/EZK/EZK_005_Verse_015.mp3,"Ne metsɔ nye dɔwuame ƒe aŋutrɔ siwo hea ku vɛ, eye wogblẽa nu da mi la, mada wo be woatsrɔ̃ mi. Mana dɔwuame nagasẽ ɖe edzi wu tsã le mia dome, eye maxe mɔ na nuɖuɖu ƒe mia gbɔ ɖoɖo." data/train/EZK/EZK_048_Verse_005.mp3,"Du la ƒe lãnyiƒe adidi mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le anyiehe lɔƒo, mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le dziehe lɔƒo, mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòadidi mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le ɣetoɖoƒe lɔƒo." data/train/EZK/EZK_040_Verse_017.mp3,"Emegbe la, edzidze agbo la ƒe mɔnu tso xɔvi ɖeka ƒe gli megbetɔ ŋu yi xɔvi si dze ŋgɔe la ƒe gli gbɔ va se ɖe evelia megbe, wòdidi mita wuieve kple afã tso mɔnu yi mɔnu si dze ŋgɔ nɔvia." data/train/EZK/EZK_048_Verse_013.mp3,"Gad ƒe anyigba ƒe dzieheliƒo ayi dziehe tso Tamar ayi Meriba kple Kades ƒe tsiwo gbɔ, ato Egipte ƒe Wadi ŋu ayi Atsiaƒu Gã la to." data/train/EZK/EZK_001_Verse_021.mp3,"Nu gbagbeawo nɔa du dzi, yia megbe, yia ŋgɔgbe abe dzikedzo ene." data/train/EZK/EZK_039_Verse_013.mp3,“ ‘Israel ƒe aƒe la anɔ wo ɖim ale be wòakɔ anyigba la ŋuti ɣleti adre. data/train/EZK/EZK_018_Verse_001.mp3,"Edoa ga, xɔa deme ɖe edzi, eye wòbaa ame. Ame sia tɔgbi anɔ agbea? Manɔ agbe o. Esi wòwɔ ŋunyɔnu siawo katã ta la, woawui godoo, eye eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi." data/train/EZK/EZK_028_Verse_016.mp3,"To wò nu vɔ̃ geɖewo kple wò asitsatsa si me nuteƒewɔwɔ mele o me la, èdo gu wò Kɔkɔeƒewo. Eya ta mena dzo do tso mewò, fia wò, eye mena nèzu afi le anyigba, le ame siwo katã nye nukpɔlawo la ŋkume." data/train/EZK/EZK_038_Verse_006.mp3,"Àva tso wò nɔƒe le anyiehe ƒe didiƒe, wò kple dukɔ geɖe siwo akpe ɖe ŋuwò, wo katã woanɔ sɔwo dzi, ameha gã aɖe kple aʋakɔ dranyi aɖe." data/train/EZK/EZK_039_Verse_023.mp3,"Miaɖu amegãwo ƒe lã, eye miano anyigbadzifiawo ƒe ʋu abe agbowo kple alẽviwo, gbɔ̃wo kple nyitsuwo wonye ene; lã siawo katã nye lã damiwo tso Basan." data/train/EZK/EZK_016_Verse_038.mp3,"hafi woava klo nu le wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu o. Azɔ la, èzu Edom ƒe vinyɔnuwo kple ame siwo ƒo xlã wo kple Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo ƒe vlodonu, ame siwo katã ƒo xlã wò, eye wodo vlo wò." data/train/EZK/EZK_048_Verse_030.mp3,"Teƒe sia anye nunɔla siwo ŋuti wokɔ, Zadok ƒe viwo tɔ, ame siwo wɔ nuteƒe, subɔm, eye wometra mɔ abe Levitɔwo ene esime Israelviwo tra mɔ o." data/train/EZK/EZK_041_Verse_011.mp3,kerubiwo kple deti siwo wokpa la li. Mo eve li na kerubi ɖe sia ɖe. data/train/EZK/EZK_045_Verse_015.mp3,"“ ‘Le ŋkekenyui si dzea egɔme le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe ƒe ŋkeke adreawo me la, agana nu mawo ke kple ami hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, numevɔsawo kple nuɖuvɔsawo.’ ”" data/train/EZK/EZK_034_Verse_010.mp3,"“Eya ta nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na woe nye, ‘Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ damiwo kple alẽ ɖikuwo dome." data/train/EZK/EZK_045_Verse_003.mp3,Anyigba la dzi tɔwo katã ana nunana tɔxɛ sia hena Israel ƒe fiaviŋutsu la ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. data/train/EZK/EZK_034_Verse_009.mp3,"“Eya ta, mi alẽkplɔlawo, mise Yehowa ƒe nya." data/train/EZK/EZK_007_Verse_010.mp3,"Makplɔ dukɔ vɔ̃ɖitɔwo vɛ be woava xɔ woƒe aƒewo, matsi ŋusẽtɔwo ƒe dada nu, eye woagblẽ kɔ ɖo na woƒe Kɔkɔeƒewo." data/train/EZK/EZK_018_Verse_008.mp3,"Eɖea eƒe asi ɖa le nu vɔ̃ wɔwɔ me, eye mexɔa deme alo baa ame o. Ewɔa nye sewo dzi, eye wòzɔna ɖe nye ɖoɖowo nu. Maku ɖe fofoa ƒe nu vɔ̃wo ta o; anɔ agbe godoo." data/train/EZK/EZK_026_Verse_006.mp3,"Azɔ la, wò ƒutanyigbawo le dzodzom kpekpekpe le wò anyidzegbe ta, eye vɔvɔ̃ ɖo ƒukpowo le atsiaƒu me le wò anyidzedze ta.’ ”" data/train/EZK/EZK_036_Verse_036.mp3,"Nyemagana miase dukɔwo ƒe fewuɖuɖu le mia ŋu o, eye dukɔwo magado vlo mi alo ana miaƒe dukɔ la nadze anyi o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ”" data/train/EZK/EZK_034_Verse_013.mp3,"“Ke na mi, nye alẽawo la, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ ɖeka kple alẽ bubu dome kple le agbowo kple gbɔ̃wo dome." data/train/EZK/EZK_031_Verse_017.mp3,"Sedati siwo nɔ Mawu ƒe abɔ me la mete ŋu ke ɖi kplii o, sesewu ƒe alɔwo mete ŋu de etɔwo nu o, eye womate ŋu atsɔ xetiwo ƒe alɔwo asɔ kple etɔwo o. Ati siwo katã nɔ Mawu ƒe abɔ me la, mede enu le nyonyo me o." data/train/EZK/EZK_040_Verse_029.mp3,"Fesrewo nɔ agbo la kple eƒe akpata ŋu abe bubuawo ƒe fesrewo ene. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã." data/train/EZK/EZK_018_Verse_013.mp3,"“Ke miegblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o.’ ” See, O! Israel ƒe aƒe. Ɖe nye mɔ mele eteƒe oa? Menye miawo boŋ ƒe mɔwoe mele eteƒe oa?" data/train/EZK/EZK_042_Verse_013.mp3,"Ne nunɔlawo ge ɖe Kɔkɔeƒe la ko la, mele be woagayi xɔxɔnu egodotɔ o va se ɖe esime woagblẽ woƒe awu siwo wodo hewɔ subɔsubɔdɔ la ɖe megbe, elabena esiawo le kɔkɔe. Ele be woado awu bubuwo hafi ate ɖe teƒe siwo amewo nɔna la ŋu.”" data/train/EZK/EZK_002_Verse_005.mp3,"Eye wò la, ame vi, mègavɔ̃ woawo ŋutɔ loo alo woƒe nyawo o, togbɔ be dza kple aŋɔkawo ƒo xlã wò kpe ɖo, eye nèle ahɔ̃wo dome hã. Mègavɔ̃ nya si woagblɔ, eye mègana woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wonye aglãdzelawo hã." data/train/EZK/EZK_047_Verse_019.mp3,Liƒo la atso atsiaƒu la gbɔ ayi Hazar Enan le Damasko ƒe anyieheliƒo dzi kple Hamat ƒe anyieheliƒo. Esiae anye dzigbemeliƒo la. data/train/EZK/EZK_013_Verse_011.mp3,"“Le esime wokplɔ nye amewo trae to gbɔgblɔ me be, ‘Ŋutifafa’ li, esime ŋutifafa menɔ anyi o, eye ne wotu gli masemasẽ aɖe la, wosiaa akalo nɛ la," data/train/EZK/EZK_040_Verse_015.mp3,"Ekplɔm va gbedoxɔ la ƒe akpata me, eye wòdzidze akpata la ƒe domegliwo; wokeke mita eve kple afã le akpa ɖe sia ɖe. Eƒe mɔnu keke mita adre, eye eƒe gliwo keke mita ɖeka kple afã le akpa ɖe sia ɖe." data/train/EZK/EZK_020_Verse_035.mp3,"Maxɔ mi abe dzudzɔdodo ʋeʋĩwo ene ne meɖe mi tso dukɔwo dome, eye meƒo ƒu mi tso anyigba siwo dzi wokaka mi ɖo la." data/train/EZK/EZK_029_Verse_014.mp3,"Le ƒe blaeve-vɔ-adrelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be," data/train/EZK/EZK_023_Verse_012.mp3,"Babiloniatɔwo do gui. Esi wodo gui vɔ la, etrɔ le wo yome kple dɔmedzoe." data/train/EZK/EZK_036_Verse_008.mp3,"Aƒetɔ Yehowa ƒe nya gava nam be," data/train/EZK/EZK_032_Verse_005.mp3,"Dziƒokaɖi keklẽwo katã, Mana woado viviti ɖe dziwò. Mahe viviti ava wò anyigba dzi, Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_020_Verse_006.mp3,"Ekema mianya be nyee nye Yehowa, ne mekplɔ mi va ɖo Israelnyigba si mekɔ asi dzi heka atam be matsɔ ana mia fofowo la dzi." data/train/EZK/EZK_017_Verse_005.mp3,"Edo vlo atam la to nubabla la tutu me. Esi wòlɔ̃ ɖe nubabla la dzi hafi wɔ nu siawo katã ta la, mate ŋu asi o.’" data/train/EZK/EZK_018_Verse_029.mp3,"togbɔ be fofoa ya mewɔa nu vɔ̃ siawo dometɔ aɖeke o hã. Eɖua nu le nuxeƒewo le towo dzi, Edɔna kple nɔvia srɔ̃." data/train/EZK/EZK_047_Verse_018.mp3,"Le ɣetoɖoƒe lɔƒo la, Atsiaƒu Gã la anye liƒo la na teƒe aɖe si le Lebo Hamat la kasa. Esiae anye ɣetoɖoƒeliƒo la." data/train/EZK/EZK_016_Verse_056.mp3,"Nɔviwò nyɔnu tsitsitɔe nye Samaria, ame si nɔ wò anyiehe gome kple via nyɔnuwo. Nɔviwò nyɔnu ɖevitɔ, ame si nɔ miaƒe dziehe lɔƒo kple via nyɔnuwo la nye Sodom." data/train/EZK/EZK_018_Verse_030.mp3,"Womagaɖo ŋku nu vɔ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi ɖe eŋu o. Le nu nyui siwo wòwɔ ta la, anɔ agbe." data/train/EZK/EZK_032_Verse_018.mp3,"Mana dukɔ geɖewo ƒe nu naku ɖe tawò, Eye woƒe fiawo nadzo nyanyanya Kple vɔvɔ̃ ɖe tawò, Ne menye nye yi le yame le woƒe ŋkume. Le wò anyidzedze ƒe ŋkeke la dzi la, Wo dometɔ ɖe sia ɖe adzo nyanyanya Ɣeawo katã ɣi ɖe eƒe agbe ta." data/train/EZK/EZK_033_Verse_012.mp3,"Eye Yehowa ƒe gbe va nam be," data/train/EZK/EZK_030_Verse_005.mp3,"“Ame vi, meŋe Farao, Egipte fia ƒe abɔ ɖeka. Womeblae kple avɔ wòatsya o, eye womeblae kple ati be, wòagasẽ alé yi o." data/train/EZK/EZK_037_Verse_007.mp3,"Eya ta gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: O, nye amewo, mele miaƒe yɔdowo ʋu ge, eye maɖe mi tso wo me: magbugbɔ mi ava Israelnyigba dzi." data/train/EZK/EZK_042_Verse_014.mp3,"Sɔtiwo mele xɔtamexɔ etɔ̃lia ƒe xɔwo ŋu abe xɔxɔnu la ene o, ale wo me le sue wu xɔ siwo le ɖoɖo etetɔwo me." data/train/EZK/EZK_016_Verse_027.mp3,"Ètu wò nuxeƒewo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe ƒe seƒe, èɖi gbɔ̃ wò tugbedzedze to wò ŋutilãtsɔtsɔ na ame sia ame si va yina to gbolowɔwɔ vivivo me." data/train/EZK/EZK_037_Verse_018.mp3,"nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ Yosef ƒe ati, ati si le Efraim ƒe asi me la kple Israel ƒe to siwo katã dea ha kplii la tɔ, eye matɔe ɖe Yuda ƒe ati nu, eye woazu ɖeka le nye asi me.’" data/train/EZK/EZK_023_Verse_045.mp3,"Wogawɔ esia ɖe ŋunye. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wodo gu nye kɔkɔeƒe la, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo." data/train/EZK/EZK_023_Verse_004.mp3,"Ale matɔ te ŋukpenanuwo wɔwɔ kple gbolowɔwɔ si gɔme nèdze le Egipte. Nu siawo magadzro wò o, eye màgaɖo ŋku Egipte dzi azɔ o.’" data/train/EZK/EZK_008_Verse_009.mp3,"Eye wògagblɔ nam be, “Àkpɔ wo woaganɔ nu siwo nyɔ ŋu wu esiawo gɔ̃ hã la wɔm.”" data/train/EZK/EZK_041_Verse_018.mp3,"Tete ŋutsu la kplɔm yi gbedoxɔ la godo, eye wòdzidze domegliawo; woƒe kekeme nye mita etɔ̃ le akpa ɖe sia ɖe." data/train/EZK/EZK_041_Verse_015.mp3,"Le teƒe si le gbedoxɔ emetɔ ƒe ʋɔtru tame kple gliawo ŋu le dometsotso mamlɛtɔ si ƒo xlã gbedoxɔ emetɔ kple egodotɔ ŋu la," data/train/EZK/EZK_040_Verse_010.mp3,Edzidze agbo la ƒe mɔnu wòkeke mita atɔ̃ eye wòdidi mita ade kple afã. data/train/EZK/EZK_038_Verse_000.mp3,"Àgblɔ be, “Maho aʋa ɖe du sue siwo womeglã o la ŋuti. Madze ame siwo nye ŋutifafamewo, eye womele mɔkpɔkpɔ me o la dzi; wo katã mele glikpɔwo me o, eye agbowo kple gametiwo mele wo nu o." data/train/EZK/EZK_010_Verse_004.mp3,Kerubiawo kɔ wo ɖokui dzi. Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Kebar Tɔsisi la to. data/train/EZK/EZK_043_Verse_018.mp3,"Ne wotsɔ woƒe kpuiwo ɖo nye kpui nu, woƒe ʋɔtrutiwo ɖo nye ʋɔtrutiwo nu, eye gli koe tso nye kpli wo dome la, wodo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la to woƒe ŋukpenanuwo wɔwɔ me. Ale metsrɔ̃ wo le nye dɔmedzoe me." data/train/EZK/EZK_026_Verse_001.mp3,"ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. O! Tiro, mana dukɔ geɖe naho ɖe ŋuwò abe ale si atsiaƒu naa eƒe ƒutsotsoewo dea dzi ene." data/train/EZK/EZK_004_Verse_011.mp3,"Na ameawo naɖe to ɖee; tu nu siwo woatsɔ aɖe to ɖee la ɖe eŋu. Tu xɔ tsralawo ɖe eŋu, eye nàtu gligbãnuwo aƒo xlãe." data/train/EZK/EZK_001_Verse_012.mp3,"Mekpɔ be nu si dze abe eƒe ali gbɔ ene, yi eƒe dzime la, le abe ga si le keklẽm ene. Tso afi ma yi anyigba la, le abe dzo ene, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe." data/train/EZK/EZK_040_Verse_023.mp3,"Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ; detiwo ɖo atsyɔ̃ na eƒe sɔtiwo, eye atrakpui enyi nɔ ete." data/train/EZK/EZK_033_Verse_032.mp3,"Womaɖo ŋku eƒe nu vɔ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi nɛ o. Ewɔ nu si dzɔ, eye wòle eteƒe; anɔ agbe kokoko." data/train/EZK/EZK_031_Verse_008.mp3,"Dziƒoxeviwo katã wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo dzi, gbemelãwo katã dzi vi ɖe eƒe alɔwo te, eye dukɔ gãwo katã nɔ eƒe vɔvɔli te." data/train/EZK/EZK_036_Verse_017.mp3,"eya ta, O! Israel towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, gbadzaƒewo kple balimewo, gbegbewo kple aƒedo duwo, teƒe siwo dukɔ siwo ƒo xlã mi ha, eye wodo vlo mi la,’" data/train/EZK/EZK_015_Verse_008.mp3,Ɖe wokpɔa ati si woatsɔ awɔ nu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖe le la le emea? Ɖe wowɔa tsyoti tso eme ne woate ŋu atsɔ nane aku ɖe eŋua? data/train/EZK/EZK_010_Verse_006.mp3,"Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ tasiaɖamfɔti ene le kerubiawo gbɔ, ɖeka le kerubi ɖe sia ɖe gbɔ, eye tasiaɖamfɔtiawo nɔ dzo dam abe kpe xɔasi ene." data/train/EZK/EZK_013_Verse_001.mp3,"“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Eya ta le nye dɔmedzoe me la, mana ya sesẽ aɖe naƒo, eye le nye dziku me la, mana tsikpe kple tsi nadza bababa, eye woagblẽ nu." data/train/EZK/EZK_047_Verse_016.mp3,"Le dziehe lɔƒo la, atso Tamar ayi keke Meriba Kades ƒe tsiwo gbɔ, azɔ ato Wadi le Egipte xa, ayi Atsiaƒu Gã la gbɔ. Esiae anye Dzieheliƒo la." data/train/EZK/EZK_035_Verse_006.mp3,"Eya ta Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe be, ‘Mawɔ na mi ɖe dziku kple ŋuʋaʋã si mieɖe fia le miaƒe fuléle wo me nu, eye mana woanyam ne medrɔ̃ ʋɔnu wo." data/train/EZK/EZK_040_Verse_035.mp3,"Le akpata la ƒe gli egodotɔ, te ɖe agbo la nu kple atrakpuiawo ŋu le anyiehegbo la nu la, kplɔ̃ eve li, eye eve bubu hã gale atrakpuiawo ƒe akpa kemɛ." data/train/EZK/EZK_004_Verse_014.mp3,"Trɔ wò mo ɖo ɖe toɖeɖe ɖe Yerusalem gbɔ. Mègatsɔ naneke tsyɔ abɔ o, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe Yerusalem ŋu." data/train/EZK/EZK_008_Verse_005.mp3,"Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia? Èle nu siwo nyɔ ŋu wu esia gɔ̃ hã kpɔ ge.”" data/train/EZK/EZK_024_Verse_023.mp3,"Tsɔ wò lã nyuitɔ tso lãha la me, eye nàde nake ete hena ƒuawo ɖaɖa. Na tsi la nafie, eye nàɖa ƒuawo le eme." data/train/EZK/EZK_027_Verse_016.mp3,"Le wò asi me la, wotsa asi kpli wò kple awu dzeaniwo, aɖabɛ blɔtɔ ƒe awu ʋlayawo, avɔ ŋɔŋɔewo, kundru ŋɔŋɔe siwo wolɔ̃ kple ka si wotro hesa nyuie." data/train/EZK/EZK_013_Verse_006.mp3,"“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Le miaƒe nya dzodzrowo kple miaƒe alakpaŋutegawo ta la, metso ɖe mia ŋu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_039_Verse_029.mp3,"Woaŋlɔ woƒe ŋukpe kple aglã siwo katã wodze ɖe ŋunye la be, esime wonɔ dedie le woƒe anyigba si dzi ame aɖeke medo ŋɔdzi na wo le o." data/train/EZK/EZK_017_Verse_003.mp3,"Ati la dze, eye wòzu wainti kpehe aɖe si ƒe alɔwo vu. Eƒe alɔwo trɔ ɖo ɖe egbɔ, ke eƒe kewo ya nɔ ete. Ale wòzu wainti toalɔwo, eye aŋugbawo vu ɖe eŋu." data/train/EZK/EZK_032_Verse_011.mp3,"“Farao, eya kple eƒe aʋakɔ blibo la, akpɔ wo, eye woafa akɔ na wo le woƒe ame gbogbo siwo tsi yi nu la ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_044_Verse_030.mp3,Womaɖe ahosiwo alo nyɔnu siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ o. Ame siwo woate ŋu aɖe ko la woe nye Israel ɖetugbiwo alo nunɔlawo ƒe ahosiwo. data/train/EZK/EZK_024_Verse_022.mp3,"Tsɔ lã la de ze la me. Tsɔ eƒe akpa xɔasitɔwo, lãkɔ nyuitɔwo katã kpe ɖe ata kple abɔgba ŋuti. Na be ze la nayɔ fũu kple lã la ƒe akpa siawo ƒe ƒu nyuitɔwo." data/train/EZK/EZK_040_Verse_005.mp3,"Ale kplɔ̃ ene le agbo la ƒe akpa ɖeka, eye kplɔ̃ ene bubu gale agbo la ƒe akpa kemɛ hã; wonye kplɔ̃ enyi siwo dzi wowua vɔsalãwo le." data/train/EZK/EZK_041_Verse_020.mp3,"Wokpa kerubiwo kple detiwo abe esiwo wokpa ɖe gliawo ŋuti la ene ɖe gbedoxɔ egodotɔ ƒe ʋɔtruwo ŋu, eye wotsɔ ʋuƒo wɔ agbali ɖe akpata la ŋgɔ." data/train/EZK/EZK_012_Verse_020.mp3,"Le ŋkeke me la, esime wole kpɔwòm la, ɖe wò nu siwo nètsɔ do agbae na aboyomeyiyi la ɖe go. Ekema le fiẽ me la, esi wole kpɔwòm la, dze mɔ abe ame siwo yina aboyo me ene." data/train/EZK/EZK_010_Verse_008.mp3,"Mo ene kple aʋala ene nɔ ɖe sia ɖe si, eye nu si ɖi ame ƒe asiwo la nɔ woƒe aʋalawo te." data/train/EZK/EZK_016_Verse_008.mp3,"Ale wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃e na wò. Wò avɔwo nye aklala biɖibiɖi, seda kple avɔ ŋɔŋɔe. Wò nuɖuɖu nye wɔ memee, anyitsi kple amitime. Èva dze tugbe ŋutɔ, eye nèyi dzi va zu fianyɔnu." data/train/EZK/EZK_038_Verse_016.mp3,"Matrɔ wò to eme, maƒo ga ɖe wò glãƒuwo me, eye mahe wò ado goe kple wò aʋakɔ blibo la, wò sɔwo, wò sɔdolawo, ame siwo bla akpa kple ameha gã, ame siwo kpla akpoxɔnu gãwo kple ɖagbiwo, wo katã woanɔ woƒe yiwo nyem le yame." data/train/EZK/EZK_023_Verse_006.mp3,"alidziblanu le ali dzi na wo, eye tablanu gã le ta na wo. Wo katã woɖi Babiloniatɔwo ƒe tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo, eye wonye Babiloniatɔwo." data/train/EZK/EZK_025_Verse_005.mp3,"“Ame vi, trɔ mo ɖe Amonitɔwo ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu." data/train/EZK/EZK_019_Verse_009.mp3,"“ ‘Esi dzatanɔ la kpɔ be yeƒe mɔkpɔkpɔ medze edzi o la, ebu mɔkpɔkpɔ, tsɔ eƒe dzataviwo dometɔ bubu, wɔe wòzu dzata sesẽ aɖe." data/train/EZK/EZK_011_Verse_017.mp3,"Miewu ame geɖewo le du sia me, eye miaƒe ablɔwo dzi yɔ fũu kple ame kukuwo." data/train/EZK/EZK_026_Verse_008.mp3,"ekema mana nàyi to kple ame siwo yi aʋlime, àyi gbe aɖe gbe tɔwo gbɔ. Mana nànɔ anyigba te, le aƒedo xoxowo me kple ame siwo yi aʋlime, màgatrɔ agbɔ alo axɔ wò teƒe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o." data/train/EZK/EZK_017_Verse_021.mp3,"Makeke nye ɖɔ nɛ, eye nye mɔ aɖee. Makplɔe ayi Babilonia, eye mabu fɔe le afi ma, elabena meto nyateƒe nam o." data/train/EZK/EZK_041_Verse_025.mp3,Ʋɔtruti si le dzogoe ene me la le gbedoxɔ egodotɔ ƒe mɔnu abe esi le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ŋgɔ ene. data/train/EZK/EZK_008_Verse_006.mp3,"Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia? Nya tsɛe wònye be Yuda ƒe aƒe nanɔ ŋunyɔnu siawo wɔm le afi sia? Ɖe woagana ŋutasesẽ naxɔ anyigba la dzi, eye woanɔ dziku dom nam madzudzɔmadzudzɔea? Kpɔ ale si wotsɔ atilɔ la ɖo ŋɔtinu la ɖa!" data/train/EZK/EZK_043_Verse_020.mp3,"Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi heyi xɔxɔnu emetɔ, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me." data/train/EZK/EZK_003_Verse_005.mp3,"Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖo to nyuie, eye nàlé nya siwo katã megblɔ na wò la me ɖe dzi me." data/train/EZK/EZK_021_Verse_030.mp3,"“ ‘Woɖo na yi be woatutu eŋu, woake dzo, woalée ɖe asi, woanyree, asiae, eye woawɔe wòasu te na amewula la ƒe zazã." data/train/EZK/EZK_015_Verse_001.mp3,"“Eya ta aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ale si metsɔ wainti de avemetiwo dome abe nake ene la, nenema kee mawɔ ame siwo le Yerusalem." data/train/EZK/EZK_005_Verse_003.mp3,"Eya ta le mia dome la, fofowo aɖu wo viwo, eye viwo aɖu wo fofowo. Mahe to na mi, eye makaka mia dometɔ siwo atsi agbe la ahlẽ ɖe yawo nu.’" data/train/EZK/EZK_023_Verse_002.mp3,"“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, “Àno nɔviwò nyɔnu ƒe kplu, kplu si lolo, eye wòde eme, ahe vlododo kple koko vɛ, elabena nu geɖewo le eme." data/train/EZK/EZK_027_Verse_017.mp3,"“Le wò nuwɔwɔ geɖewo kple wò adzɔnu gbogboawo ta la, Damasko tsa asi kpli wò le wain tso Helbon kple lãfu tso Zahar me." data/train/EZK/EZK_036_Verse_026.mp3,"Mahlẽ tsi kɔkɔe ɖe mia ŋu, eye mia ŋuti akɔ. Makɔ mia ŋuti tso miaƒe makɔmakɔnyenye katã me, eye maɖe miaƒe legbawo katã ɖa le mia dome." data/train/EZK/EZK_016_Verse_058.mp3,"Vavã ènye dawò, ame si do vlo srɔ̃a kple viawo la ƒe vinyɔnu, eye vavã, ènye nɔvinyɔnu na nɔviwò nyɔnuwo, ame siwo do vlo wo srɔ̃ŋutsuwo kple wo viwo. Dawò nye Hititɔ, eye fofowò nye Amoritɔ." data/train/EZK/EZK_028_Verse_004.mp3,"“Ame vi, trɔ mo ɖo ɖe Sidon gbɔ. Gblɔ nya ɖi ɖe eŋu," data/train/EZK/EZK_002_Verse_008.mp3,"Mekpɔ nu, eye mekpɔ wodo asi aɖe ɖe gbɔnye. Agbalẽ aɖe le asi la me." data/train/EZK/EZK_030_Verse_004.mp3,"“Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Mifa avi, miagblɔ be, Baba na ŋkeke ma," data/train/EZK/EZK_017_Verse_013.mp3,"Gbemetiwo katã anya be nye Yehowae bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mena ati kpui la tsi hekɔ. Mena ati mumu la ku, eye ati kuku la dze.’ “Nye Aƒetɔ Yehowae ƒo nu, eye mawɔe ade goe.”" data/train/EZK/EZK_039_Verse_027.mp3,"Tso gbe ma gbe dzi la, Israel ƒe aƒe la anya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu." data/train/EZK/EZK_011_Verse_016.mp3,"Mievɔ̃a yi, eye yie nye nu si matsɔ ɖe mia ŋu.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_032_Verse_008.mp3,"“ ‘Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ, “ ‘Babilonia fia ƒe yi Ado ɖe ŋuwò." data/train/EZK/EZK_041_Verse_019.mp3,"Tso anyigba yi teƒe si le ʋɔtru la tame la, wokpa kerubiwo kple detiwo ɖe gbedoxɔ egodotɔ ƒe gliwo ŋu." data/train/EZK/EZK_020_Verse_005.mp3,"Aƒetɔ Yehowa be, ‘Meta nye agbe be maɖu mia dzi kple asi sesẽ kple abɔ si medo ɖe dzi kple dɔmedzoe si matrɔ akɔ ɖi la." data/train/EZK/EZK_039_Verse_017.mp3,"Mahiã wo be woafɔ nake le gbedzi loo alo alãe le avewo me o, elabena woawɔ aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene. Emegbe la, woada adzo ame siwo da adzo wo, eye woaha ame siwo ha wo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_026_Verse_013.mp3,"Eƒe sɔwo ƒe afɔkliwo agblẽ nu le wò ablɔwo katã dzi, awu wò amewo kple eƒe yi, eye wò sɔti sesẽwo amu adze anyi." data/train/EZK/EZK_032_Verse_024.mp3,"“Mesek kple Tubal le afi ma kple woƒe ame gbogboawo katã, ƒo xlã yɔdoawo. Wo katã wonye bolotɔwo, wowu wo kple yi, elabena wokaka woƒe ŋɔdzidoname ɖe agbagbeawo ƒe anyigba dzi." data/train/EZK/EZK_023_Verse_031.mp3,"Le ŋkeke si dzi wotsɔ wo viwo sa vɔe na woƒe legbawo la, gbe ma gbe tututue woge ɖe nye kɔkɔeƒe la, eye wodo gui. Nu mae wowɔ le nye aƒe me." data/train/EZK/EZK_037_Verse_024.mp3,Tɔ wo ɖe wo nɔewo nu ale be woazu ɖeka le wò asi me. data/train/EZK/EZK_007_Verse_013.mp3,"“ ‘Miwɔ kɔsɔkɔsɔwo da ɖi, elabena ʋukɔkɔɖi bɔ ɖe anyigba la dzi, eye ŋutasesẽ yɔ dua me." data/train/EZK/EZK_035_Verse_000.mp3,"Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “Esime xexea me katã le aseye tsom la, mana nàzu gbegbe." data/train/EZK/EZK_039_Verse_009.mp3,"Ekema woanya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu, elabena togbɔ be meɖo wo ɖe aboyome ɖe dukɔwo dome hã la, maƒo wo nu ƒu, woava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye nyemagblẽ ɖeke ɖi o." data/train/EZK/EZK_001_Verse_023.mp3,"Tasiaɖam ƒe afɔawo dzi ŋɔ, eye ŋkuwo le afɔ eneawo katã ŋu kpe ɖo." data/train/EZK/EZK_001_Verse_002.mp3,"Amegbetɔ ƒe asi nɔ woƒe aʋalawo te le woƒe axa eneawo dzi. Wo ame eneawo katã to mowo kple aʋalawo," data/train/EZK/EZK_009_Verse_001.mp3,"Esi menɔ to ɖom la, egblɔ na ame bubuawo be, “Midze eyome to du la me, eye miawu amewo. Migakpɔ nublanui na ame aɖeke loo, alo miaƒe dɔ me natrɔ ɖe ame aɖeke ŋu o." data/train/EZK/EZK_040_Verse_038.mp3,"Le Mawu ƒe ŋutegawo me la, ekplɔm yi Israelnyigba dzi, eye wòdam ɖe to kɔkɔ aɖe ŋutɔ dzi. Xɔ aɖewo le to kɔkɔ sia ƒe dziehe lɔƒo, eye wòdze abe du gã aɖee ene." data/train/EZK/EZK_017_Verse_015.mp3,"Gblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. Hɔ̃ lolo aɖe si ŋu aʋala sesẽ siwo ŋu fu didiwo le, eye wòto fu amadede vovovowo la, va Lebanon. Esi wòdze ɖe sedati aɖe tame la," data/train/EZK/EZK_032_Verse_012.mp3,"Gblɔ na wo be, ‘Ɖe wònyo na mi wu ale si wònyo na ame bubuwoea? Miyi tome, eye miamlɔ bolotɔwo dome.’" data/train/EZK/EZK_018_Verse_027.mp3,"Ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, aku le eta. Le nu vɔ̃ si wòwɔ ta la, aku." data/train/EZK/EZK_032_Verse_006.mp3,"“Edom le afi ma, eƒe fiawo kple fiaviŋutsuwo katã. Togbɔ be wonye ŋusẽtɔwo hã la, wotsɔ wo mlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Womlɔ bolotɔwo kple ame siwo yi aʋlime la dome." data/train/EZK/EZK_031_Verse_001.mp3,"“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Gbe si gbe wokɔe de yɔdo me la, mena tsi dzidzi goglowo fa konyi ɖe wo ta. Eya ta meda viviti ɖe Lebanon dzi, eye ati siwo katã le gbedzi la ku." data/train/EZK/EZK_005_Verse_014.mp3,"“Miazu gbegbe, alɔmeɖenu le dukɔ siwo ƒo xlã mi la dome, le emetsolawo katã ƒe ŋkume." data/train/EZK/EZK_037_Verse_009.mp3,"Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ƒu siawo nye Israel ƒe aƒe blibo la. Wobe, ‘Míaƒe ƒuwo ƒu kplakplakpla; míaƒe mɔkpɔkpɔ bu; woɖe mí ɖa.’" data/train/EZK/EZK_048_Verse_022.mp3,"Mele be miadzra anyigba la ƒe akpa aɖeke alo aɖɔlii kple naneke o. Esiae nye anyigba la ƒe akpa nyuitɔ, eye mage ɖe ame bubuwo ƒe asi me o, elabena ele kɔkɔe na Aƒetɔ Yehowa." data/train/EZK/EZK_032_Verse_028.mp3,"“Wò hã, O! Farao, woagbã wò gudugudu, eye nàmlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome." data/train/EZK/EZK_030_Verse_012.mp3,"Kus kple Libia, Lidia kple Arabia katã, Kub kple dukɔ siwo katã me tɔwo le nubabla la me la, atsi yinu kpe ɖe Egiptetɔwo ŋu.’" data/train/EZK/EZK_045_Verse_017.mp3,Lolome ɖeka nanɔ dzidzenu si wotsɔ dzidzea nu siwo menye tsinuwo o kple dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la si. Dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la nanye galɔn ene eye dzidzenu si wotsɔ dzidzea nu siwo menye tsinuwo o la hã nanye galɔn ene eye wòanye dzidzenu ɖeka si dzi woda asi ɖo la na dzidzenu eveawo. data/train/EZK/EZK_016_Verse_025.mp3,"Ètsɔ wò avɔ ŋɔŋɔewo tsyɔ na wo, eye nètsɔ nye ami kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo ɖo woƒe ŋkume." data/train/EZK/EZK_016_Verse_029.mp3,"Èwɔ gbolo kple Asiriatɔwo hã, elabena dzodzro mevɔ le mewò o, eye le esia megbe gɔ̃ hã la, meɖi kɔ na wò o." data/train/EZK/EZK_043_Verse_016.mp3,"Le ŋkeke siawo ƒe nuwuwu, tso ŋkeke enyilia gbe yina la, nunɔlaawo awɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo le vɔsamlekpui la dzi. Ekema maxɔ mi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”" data/train/EZK/EZK_036_Verse_033.mp3,"Metsi dzi ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, ŋkɔ si Israel ƒe aƒe la do gui le dukɔ siwo me woyi la ŋkume.”" data/train/EZK/EZK_024_Verse_010.mp3,"“Elabena ʋu si wòkɔ ɖi la le edome. Ekɔe ɖe agakpe ƒuƒlu dzi, mekɔe ɖe anyigba dzi, afi si ʋuʋudedi atsyɔ edzi le o." data/train/EZK/EZK_021_Verse_014.mp3,"“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. ‘Esi mi ame siawo mieɖo ŋku miaƒe vodada dzi to miaƒe aglãdzedze me, eye mieɖe miaƒe nu vɔ̃wo fia le nu siwo katã miewɔ me, esi miewɔ esia ta la, woaɖe aboyo mi.’" data/train/EZK/EZK_028_Verse_014.mp3,"Mana dɔvɔ̃ nadze edzi, eye ʋu nasi le eƒe ablɔwo dzi. Ame kukuwo adze anyi le eme, eye yi anɔ eŋu le eƒe axa ɖe sia ɖe dzi. Ekema woanya be nyee nye Yehowa." data/train/EZK/EZK_016_Verse_012.mp3,"Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “Aleke ɖokuidzimaɖumaɖu xɔ mewò ale, esime nèwɔ esiawo katã abe gbolo dzimesesẽtɔ ene!" data/train/EZK/EZK_016_Verse_045.mp3,"Le wò ŋunyɔnuwo katã kple gbolowɔwɔ me la, mèɖo ŋku wò ɖetugbimeŋkekewo dzi, esime nènɔ amama kple ƒuƒlu, eye nènɔ afɔ dam le wò ʋu me la dzi o." data/train/EZK/EZK_037_Verse_016.mp3,"Mawɔ ŋutifafa ƒe nubabla kpli wo, wòanye nubabla mavɔ. Maɖo wo gɔme anyi, madzi woƒe xexlẽme ɖe edzi, eye mali ke nye kɔkɔeƒe la ɖe wo dome tegbetegbe." data/train/EZK/EZK_022_Verse_014.mp3,“ ‘Kpɔ ale si Israel dziɖula ɖe sia ɖe si le mewò la wɔa eƒe ŋusẽ ŋu dɔ be yeakɔ ʋu ɖi la ɖa. data/train/EZK/EZK_023_Verse_042.mp3,"Woatu nu kpli wò kple fuléle, eye woatsɔ wò nu siwo katã nèwɔ dɔ hekpɔ la adzoe. Woagblẽ wò ɖi nànɔ amama, anɔ ƒuƒlu, eye woahe wò gbolowɔwɔ ƒe ŋukpe ɖe go. Wò ŋukpenanuwo wɔwɔ kple gbolowɔwɔ woe" data/train/EZK/EZK_004_Verse_013.mp3,"Tete megblɔ be, “Ao, Yehowa, nyemegblẽ kɔ ɖo na ɖokuinye kpɔ haɖe o. Tso nye ɖekakpuime va se ɖe fifia la, nyemeɖu nu kuku aɖeke alo lã si lã wɔadãwo vuvu la kpɔ o. Lã makɔmakɔ aɖeke mege ɖe nye nu me kpɔ o.”" data/train/EZK/EZK_032_Verse_029.mp3,"Woamlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Wolé yi la ɖe asi, mina woakplɔe adzoe kple eƒe ame gbogboawo." data/train/EZK/EZK_007_Verse_005.mp3,"Dzɔgbevɔ̃e akplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo, eye ŋɔdzinya adze ŋɔdzinya yome. Ana woadze agbagba be yewoaxɔ ɖeɖefia tso nyagblɔɖilawo gbɔ, nunɔlawo ƒe sewo fiafia kple ametsitsiwo ƒe nufiame maganɔ anyi o." data/train/EZK/EZK_018_Verse_003.mp3,Elabena nyemekpɔa dzidzɔ le ame aɖeke ƒe ku ŋuti o. Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. data/train/EZK/EZK_021_Verse_016.mp3,"eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. Maɖe nye yi le eƒe aku me, eye matsrɔ̃ wò ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa." data/train/EZK/EZK_011_Verse_014.mp3,"Manya mi do goe le dua me, ahatsɔ mi ade asi na amedzrowo, eye mahe to na mi." data/train/EZK/EZK_020_Verse_028.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, metsɔ nye Dzudzɔgbewo na wo abe dzesi si le mía dome ene, ale be woanya be, Yehowae wɔ wo wozu kɔkɔe." data/train/EZK/EZK_029_Verse_017.mp3,"Magbugbɔ wo tso aboyome ava Egipte ƒe Dzigbeme, wo tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi, eye woanye fiaɖuƒe sue aɖe le afi ma." data/train/EZK/EZK_013_Verse_015.mp3,"miagakpɔ alakpaŋutegawo o, eye miagagblɔ alakpanyawo ɖi o. Maɖe nye amewo tso miaƒe asi me. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ”" data/train/EZK/EZK_030_Verse_021.mp3,"Matɔ dzo Egipte; Pelusium anɔ ŋeŋem kple vevesese, ahom akplɔ Tebes adzoe, eye Memfis axaxa le nyadzɔɖeamedziwo ta." data/train/EZK/EZK_021_Verse_013.mp3,"Esi mele ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa tsrɔ̃ ge le dziwò ta la, nye yi aɖe le aku me ɖe ame sia ame ŋu, tso dziehe yi anyiehe." data/train/EZK/EZK_045_Verse_022.mp3,"Teƒe aɖe si adidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ alafa etɔ̃ (5,300) la, anye Levitɔ siwo subɔna le gbedoxɔ me la tɔ be woanɔ le duwo me." data/train/EZK/EZK_048_Verse_028.mp3,"“Teƒe la katã ƒe didime anye mita akpe asiekɛ. “Eye du la ƒe ŋkɔ tso ɣe ma ɣi dzi yina la anye, ‘Aƒetɔ Yehowa le afi ma.’ ”" data/train/EZK/EZK_036_Verse_031.mp3,"Mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye wokaka wo hlẽ ɖe anyigbawo dzi. Medrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woƒe nɔnɔme kple wɔnawo nu." data/train/EZK/EZK_002_Verse_009.mp3,"Ne woɖo to wò alo womeɖo to wò o hã la, ame dzeaglãwo wonye, ke woanya be nyagblɔɖila nɔ yewo dome." data/train/EZK/EZK_034_Verse_020.mp3,"maɖe nye alẽha la, eye womagaha wo azɔ o. Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ ɖeka kple bubu dome." data/train/EZK/EZK_036_Verse_029.mp3,"Maɖe mi tso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me. Mana bli nasɔ gbɔ na mi, eye nyemana dɔwuame nava mia dzi o." data/train/EZK/EZK_016_Verse_060.mp3,"Wò ŋkɔ de dzi kaka ɖe dukɔwo dome le wò tugbedzedze ta, elabena atsyɔ̃ si meɖo na wò la na wò tugbedzedze de blibo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_014_Verse_007.mp3,"Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ yeƒe agbe be, ne Noa, Daniel kple Hiob anɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ɖokui ko woate ŋu aɖe kple woƒe dzɔdzɔenyenye." data/train/EZK/EZK_044_Verse_004.mp3,"Gbe si gbe wòaɖo afɔ kɔkɔeƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ be wòasubɔ le kɔkɔeƒe la la, ele be wòana nu hena nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe eɖokui ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_043_Verse_021.mp3,"Tete wògblɔ nam be, “Ame vi, nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esiawoe anye ɖoɖowo na numevɔsawo kple ʋuhehlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu ne wotui." data/train/EZK/EZK_042_Verse_019.mp3,"Xɔwo nɔ xɔxɔnu egodotɔ ƒe gli ƒe didime ŋu le dziehe gome; wote ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu ŋu le gli egodotɔ kasa," data/train/EZK/EZK_022_Verse_026.mp3,Tete Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam. data/train/EZK/EZK_034_Verse_015.mp3,"Madi nye alẽ bubuawo, eye makplɔ mɔtralawo agbɔe. Mabla abi na esiwo nu vevi wɔ, mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ, ke mawu esiwo da ami kple esiwo nye lãmesẽtɔwo la. Makpɔ nye alẽawo dzi kple dzɔdzɔenyenye." data/train/EZK/EZK_046_Verse_021.mp3,"Numevɔsa si fiavi ŋutsuvi la tsɔ vɛ na Yehowa le Dzudzɔgbe la dzi la, anye agbo fɛ̃ ade kple agbo ɖeka, lã siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o." data/train/EZK/EZK_024_Verse_012.mp3,"“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, “Babaa na du si me ʋukɔkɔɖi le. Nye hã mali kɔ nake wòakɔ." data/train/EZK/EZK_030_Verse_024.mp3,"“Woazu gbegbe le anyigba siwo wogblẽ la dome, eye woƒe duwo anɔ du siwo wogbã la dome." data/train/EZK/EZK_032_Verse_009.mp3,"“Elam le afi ma, eye eƒe amehawo katã ɖe to ɖe eƒe yɔdo, Ame tsiaʋawo sɔŋ wonye, eye wotsi yinu, wonye bolotɔwo yi tsiẽƒe, woawoe de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu." data/train/EZK/EZK_016_Verse_046.mp3,Mana nyɔnu ahasitɔwo kple esiwo kɔa ʋu ɖi la ƒe tohehe nava dziwò. Mana nye dziku ƒe hlɔ̃biabia ɖe ʋu ta kple nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe nava dziwò. data/train/EZK/EZK_010_Verse_022.mp3,"Ŋkuwo nɔ woƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa, woƒe dzime, woƒe asiwo kple woƒe aʋalawo ŋu abe ale si wonɔ tasiaɖamfɔti eneawo hã ŋu ene." data/train/EZK/EZK_014_Verse_021.mp3,"Tete Yehowa ƒe nya va nam be," data/train/EZK/EZK_046_Verse_002.mp3,"Azɔ la, ŋutsu la kplɔm to mɔnu si le agbo la xa yi xɔ kɔkɔe siwo dze ŋgɔ anyiehe la gbɔ; xɔ siawo nye nunɔlawo tɔwo, eye wòfia teƒe aɖem le axadzi le ɣetoɖoƒe lɔƒo." data/train/EZK/EZK_033_Verse_006.mp3,"Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne mena anyigba la zu aƒedo kple gbegbe le ŋunyɔnu siwo katã wowɔ la ta." data/train/EZK/EZK_001_Verse_007.mp3,Gbe aɖe ɖi tso nu si xe tame na wo la tame esi wotɔ heɖiɖi woƒe aʋalawo. data/train/EZK/EZK_007_Verse_026.mp3,"Ŋutasesẽ tsi zu ameƒoti hena tohehe na ame vɔ̃ɖiwo. Womagblẽ ame aɖeke ɖi o; womagblẽ ameha ma me nɔla aɖeke, kesinɔnu aɖeke alo nu xɔasi aɖeke ɖi o." data/train/EZK/EZK_027_Verse_006.mp3,"Azɔ la, atsiaƒu na nègba gudugudu le tsiwo ƒe gogloƒe, wò adzɔnuwo kple wò amewo katã woyi to kple wò." data/train/EZK/EZK_016_Verse_003.mp3,"Ale le wò gbolowɔwɔ me la, mèle abe ame bubuawo ene o: ŋutsu aɖeke metia yowòme o. Mèle abe gbolo bubuawo ene o, elabena wò ya èxea fe na ŋutsuawo, eye ŋutsuawo menaa naneke wò o." data/train/EZK/EZK_035_Verse_011.mp3,"Matrɔ wò duwo woazu aƒedo, eye wò ŋutɔ àzu gbegbe. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.’" data/train/EZK/EZK_011_Verse_010.mp3,"Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi hedam ɖe aboyome siwo nɔ Babilonia la dome le ŋutega si Mawu ƒe Gbɔgbɔ na mekpɔ la me. Tete ŋutega si mekpɔ la, dzo le gbɔnye," data/train/EZK/EZK_038_Verse_013.mp3,"Madrɔ̃ ʋɔnui kple dɔvɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi. Makɔ tsidzadza, tsikpe kple aŋɔ xɔdzo ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kple dukɔ geɖe siwo le edzi la dzi." data/train/EZK/EZK_030_Verse_002.mp3,"Ale mahe to na Egipte, eye wòanya be nyee nye Yehowa.’ ”" data/train/EZK/EZK_042_Verse_000.mp3,"Ale wòdzidze akpa eneawo katã. Gli aɖe ƒo xlãe; gli la didi mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250), keke mita alafa eve kple blaatɔ̃, eye wòma kɔkɔeƒe la ɖa tso teƒe bubuawo gbɔ." data/train/EZK/EZK_040_Verse_012.mp3,Edzidze gli siwo do ɖe ŋgɔ la ŋkume ƒo xlã agbo la nu wòde mita blaetɔ̃ va se ɖe agbo la ƒe akpata gbɔ le goawo katã me. data/train/EZK/EZK_048_Verse_012.mp3,Gad axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Zebulon ƒe anyigba tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. data/train/EZK/EZK_046_Verse_017.mp3,"Ne fiavi ŋutsuvi la ge ɖe eme la, ato akpata la ƒe agbo nu, eye wòado go to teƒe ma ke." data/train/EZK/EZK_033_Verse_004.mp3,"Azɔ la, fiẽ si do ŋgɔ na ŋutsu la ƒe vava la, Yehowa ƒe asi nɔ dzinye, eʋu nye nu hafi ŋutsu la va gbɔnye le ŋdi me. Ale nye nu ʋu, eye nyemegazi ɖoɖoe o." data/train/EZK/EZK_016_Verse_035.mp3,"Eye nɔviwò nyɔnuwo, Sodom kple via nyɔnuwo kple Samaria kple via nyɔnuwo woagatrɔ azu nu siwo wonye tsã, eye wò kple viwòwo hã miagatrɔ azu nu siwo mienye kpɔ." data/train/EZK/EZK_001_Verse_028.mp3,"Yehowa ƒe gbe va na nunɔla Hezekiel, Buzi ƒe vi, le Kebar Tɔsisi la to, le Babilonianyigba dzi. Yehowa ƒe asi va edzi le afi ma." data/train/EZK/EZK_041_Verse_008.mp3,"Fesre sue siwo ƒe akpa eveawo ŋu wokpa detiwo ɖo la, le akpata la ƒe axadzigliwo ŋu. Agbaliwo le gbedoxɔ la ƒe axadzixɔawo hã ŋu." data/train/EZK/EZK_029_Verse_012.mp3,"“ ‘Ke ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. “Le ƒe blaene ƒe nuwuwu la, maƒo ƒu Egiptetɔwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo la me." data/train/EZK/EZK_032_Verse_017.mp3,"Makaka wò ŋutilã ɖe toawo dzi, Eye mana balimewo nayɔ fũu kple wò kukua." data/train/EZK/EZK_022_Verse_007.mp3,"Eya ta matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, mabi wo kple nye dɔmedzoe, eye mahe nu siwo katã wowɔ la va da ɖe woƒe ta dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”" data/train/EZK/EZK_037_Verse_021.mp3,"“ ‘Nye dɔla, David anye woƒe fia, eye kplɔla ɖeka anɔ wo si. Woazɔ ɖe nye seawo nu, eye woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi." data/train/EZK/EZK_006_Verse_003.mp3,"“Ame vi, trɔ mo de Israel ƒe towo; gblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu," data/train/EZK/EZK_030_Verse_008.mp3,"Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe Farao, Egipte fia ŋu. Maŋe eƒe abɔ eveawo, eye mana yi nage le esi." data/train/EZK/EZK_033_Verse_031.mp3,"Nye amewo vaa gbɔwò abe ale si wowɔna ɖaa ene, wonɔa anyi ɖe ŋgɔwò be yewoase wò nyawo, gake womewɔa wò nyawo dzi o. Wofiaa nyadziwɔwɔ kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖiwo ŋu." data/train/EZK/EZK_031_Verse_002.mp3,"Ale wògakɔ ɖe edzi wu ati bubuwo katã le gbea dzi. Eƒe alɔwo sɔ gbɔ ɖe edzi, eye eƒe alɔdzewo didi hekla ɖe tsi ƒe agbɔsɔsɔ ta." data/train/EZK/EZK_046_Verse_007.mp3,"Fiaviŋutsu la maxɔ ameawo ƒe domenyinuwo, anya ameawo le woƒe domenyinuwo gbɔ o. Ana domenyinuwo viawo tso eya ŋutɔ ƒe domenyinuwo me, ale womama nye ameawo dometɔ aɖeke ɖa tso nu si nye etɔ la gbɔ o.’ ”" data/train/EZK/EZK_035_Verse_005.mp3,"“ ‘Esi nèlé fu nye dukɔ Israelviwo ɖikaɖika tso blema ke, eye nètsɔ wo de asi na yi le esime woƒe tohehe ɖo kɔkɔƒe la," data/train/EZK/EZK_006_Verse_005.mp3,"eye nàgblɔ be, ‘O Israel ƒe towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, na agadowo kple balimewo: mele yi tsɔ ge ɖe mia ŋu, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo." data/train/EZK/EZK_022_Verse_027.mp3,"Woƒe amegãwo le abe amegaxiwo ene le eme, eye wovuvua nu siwo wolé. Wokɔa ʋu ɖi, eye wowua amewo be woawɔ viɖe madzɔmadzɔwo." data/train/EZK/EZK_037_Verse_015.mp3,"Mawɔ wo dukɔ ɖekae le anyigba la dzi, le Israel ƒe towo dzi. Fia ɖeka aɖu wo katã dzi, womaganye dukɔ eve akpɔ o loo alo woama wo ɖe fiaɖuƒe eve me o." data/train/EZK/EZK_026_Verse_018.mp3,"Mana wò hadzidzi ƒe ɖiɖi sesĩe nu natso, eye womagase wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi azɔ o." data/train/EZK/EZK_011_Verse_004.mp3,"“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame kuku siwo mietsɔ ƒu gbe ɖe afi ma lae nye lã la, eye du siae nye nuɖaze la, gake manya mi do goe le dua me." data/train/EZK/EZK_041_Verse_004.mp3,Axadzixɔawo ƒe gli egodotɔ tri mita eve kple afã. Teƒe si tsi anyi le axadzixɔawo data/train/EZK/EZK_038_Verse_002.mp3,"“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Menye wòe nye ame si ŋu meƒo nu tsoe le ŋkeke siwo va yi me to nye dɔlawo, Israel ƒe nyagblɔɖilawo dzi oa? Le ɣe ma ɣi me la, wogblɔ nya ɖi ƒe geɖewo be mana nàtso ɖe wo ŋu." data/train/EZK/EZK_002_Verse_007.mp3,"Ke wò la, ame vi, lé to ɖe nya si gblɔm mele na wò la ŋu. Mègadze aglã abe ame dzeaglã mawo ene o; ke nu me, eye nàɖu nu si matsɔ na wò.’ ”" data/train/EZK/EZK_031_Verse_014.mp3,"Mena eƒe anyidzedze ƒe ɖiɖi na dukɔwo dzo nyanyanya, esi mena wòge ɖe yɔdo me kple ame siwo yi aʋlime. Ekema atiwo katã le Eden, Lebanon ƒe ati nyuitɔwo, ati siwo katã ŋu tsi nɔ nyuie, wofa akɔ na wo katã le aʋlime." data/train/EZK/EZK_046_Verse_019.mp3,"“ ‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne fiaviŋutsu la na nu via ŋutsuwo dometɔ aɖe tso eƒe domenyinu me la, anye Via ŋutsu la ƒe dzidzimeviwo hã tɔ; anye wo tɔ to domenyinyi me." data/train/EZK/EZK_035_Verse_007.mp3,"eya ta meta ɖokuinye ƒe agbe, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, be matsɔ wò ade asi na ʋukɔkɔɖi, eye wòanɔ wò yome. Esi mèlé fu ʋukɔkɔɖi o ta la, ʋukɔkɔɖi akplɔ wò ɖo." data/train/EZK/EZK_004_Verse_002.mp3,"Egblɔ nam be, “Enyo ŋutɔ; mana nàme wò abolo le dzo si wodo kple nyi ƒe afɔdzi la dzi ɖe esi wodo kple amegbetɔ ƒe afɔdzi teƒe.”" data/train/EZK/EZK_031_Verse_006.mp3,"Bu Asiria ŋu kpɔ. Enye sedati kpɔ le Lebanon. Eƒe atilɔ dzeaniwo keke tsyɔ ave la dzi. Ekɔ nyuie, kɔ wu ati bubuawo" data/train/EZK/EZK_019_Verse_002.mp3,"Dukɔwo se eŋkɔ ɖe do nɛ, wòge ɖe eme, wolée, de ga ŋɔtime nɛ, eye wokplɔe yi Egiptenyigba dzi." data/train/EZK/EZK_034_Verse_000.mp3,"Abe ale si alẽkplɔla kpɔa eƒe alẽ siwo ka hlẽ dzi ne ele wo gbɔ ene la, nenemae makpɔ nye alẽawo dzii. Maɖe wo tso teƒe siwo katã woka hlẽ yi la le lilikpowo kple viviti ƒe ŋkeke aɖe dzi." data/train/EZK/EZK_033_Verse_001.mp3,"“Ame vi, gblɔ na Israel ƒe aƒe la be nya si gblɔm mele enye, ‘Míaƒe dzidadawo kple míaƒe nu vɔ̃wo zu agba na mí, eye wona míele tsɔtsrɔ̃m le wo ta. Ekema aleke míate ŋu anɔ agbee?’" data/train/EZK/EZK_007_Verse_000.mp3,"Alɔ ɖe sia ɖe ado agblɔ, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene." data/train/EZK/EZK_021_Verse_021.mp3,"Matrɔ nye dziku akɔ ɖe dziwò, eye magbɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe dzo ƒe ya ɖe ŋuwò. Matsɔ wò ade asi na ŋutasẽlawo, ame siwo bi ɖe nu gbegblẽ ƒe aɖaŋu me." data/train/EZK/EZK_020_Verse_044.mp3,"“ ‘Miebe míedi be míanɔ abe dukɔ bubuwo ene, abe xexemetɔwo ene, ame siwo subɔa ati kple kpe! Ke nu si le ta me na mi la, mava eme gbeɖe o.’" data/train/EZK/EZK_028_Verse_017.mp3,Vodada aɖeke menɔ wò zɔzɔme ŋu tso gbe si gbe wowɔ wò va se ɖe esime wokpɔ ŋutasesẽ le mewò o. data/train/EZK/EZK_012_Verse_022.mp3,"Maɖo nye ɖɔ nɛ, eye nye mɔ aɖee. Makplɔe ayi Babilonia, le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi, gake makpɔ anyigba la o, eye wòaku ɖe afi ma." data/train/EZK/EZK_048_Verse_019.mp3,"Le ɣedzeƒe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be, Yosef ƒe agbo, Benyamin ƒe agbo kple Dan ƒe agbo." data/train/EZK/EZK_028_Verse_010.mp3,"eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Metso ɖe ŋuwò, O! Sidon, eye makpɔ nye ŋutikɔkɔe tso mewò. Woanya be nyee nye Yehowa ne mehe to nɛ, eye mefia ɖokuinye kɔkɔe le eme." data/train/EZK/EZK_042_Verse_012.mp3,Mɔnu le xɔ etetɔwo ŋu le ɣedzeƒe lɔƒo ne woage ɖe wo me to xɔxɔnu egodotɔ la dzi. data/train/EZK/EZK_020_Verse_009.mp3,"elabena womewɔ ɖe nye sewo dzi o, ke wogbe nye ɖoɖowo, wodo gu nye Dzudzɔgbewo, eye woƒe ŋkuwo biã ɖe wo fofowo ƒe legbawo ŋu." data/train/EZK/EZK_033_Verse_027.mp3,"Ne megblɔ na ame dzɔdzɔe la be aku godoo, ke wòɖo ŋu ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, womaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ va yi la dometɔ aɖeke dzi o; aku le nu vɔ̃ si wòwɔ la ta." data/train/EZK/EZK_017_Verse_018.mp3,"Israel ƒe to kɔkɔwo dzie madoe ɖo; aɖe alɔwo, atse ku, eye wòazu sedati nyui aɖe. Xevi ɖe sia ɖe ƒomevi awɔ atɔ ɖe eme. Woakpɔ sitsoƒe le eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli te." data/train/EZK/EZK_027_Verse_025.mp3,"Wò ʋukulawo ku wò yi atsiaƒu dzi. Ke ɣedzeƒeya agbã wò ɖe atsiaƒu titina, afli wò wuliwuli." data/train/EZK/EZK_016_Verse_030.mp3,"Èwɔ gbolo kple Egiptetɔwo, wò aƒelika gbegblẽwo, eye nèdo dɔmedzoe nam kple wò gbolowɔwɔ si le edzi yim wu tsã." data/train/EZK/EZK_016_Verse_044.mp3,"“Kpɔ ɖa, nɔviwò nyɔnu, Sodom ƒe nu vɔ̃e nye, eya kple via nyɔnuwo dana, ɖua nutsu, naneke mekaa wo o. Womekpena ɖe ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu o." data/train/EZK/EZK_029_Verse_001.mp3,"“Ame vi, trɔ mo ɖe Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe eya kple Egipte katã ŋu." data/train/EZK/EZK_033_Verse_019.mp3,"“Ke wò dukɔmetɔwo gblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o,’ le esime wònye woawo boŋ ƒe mɔe mele eteƒe o." data/train/EZK/EZK_043_Verse_015.mp3,"“Le ŋkeke evelia gbe la, ele be nàna gbɔ̃tsu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye woakɔ vɔsamlekpui la ŋu abe ale si wokɔ eŋui kple nyitsu la ene." data/train/EZK/EZK_011_Verse_001.mp3,"Azɔ la, esi menɔ nya gblɔm ɖi la, Pelatia, Benaya ƒe vi ku. Tete metsyɔ mo anyi hedo ɣli sesĩe be, “A! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nàtsrɔ̃ Israel ƒe ame mamlɛawo keŋkeŋua?”" data/train/EZK/EZK_024_Verse_000.mp3,"Ale megblɔ na wo be, “Yehowa ƒe nya va nam be," data/train/EZK/EZK_024_Verse_017.mp3,"Hezekiel anye kpɔɖeŋu na mi. Miawɔ nu abe ale si wòwɔ tututu la ene. Ne esia va eme la, mianya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’" data/train/EZK/EZK_017_Verse_007.mp3,"“ ‘Etsɔ miaƒe anyigba ƒe ku aɖe, eye wòdoe ɖe anyigba nyui aɖe dzi. Edoe abe amuti ene ɖe afi si tsi sɔ gbɔ ɖo." data/train/EZK/EZK_004_Verse_001.mp3,"Da nuɖuɖu gram alafa eve blaatɔ̃ (250) na ɖuɖu gbe sia gbe, eye nàɖui le ɣeyiɣi ɖoɖowo dzi." data/train/EZK/EZK_047_Verse_006.mp3,"Egblɔ nam be, “Tsi sia tsana ɖoa ta ɣedzeƒe, gena ɖe Araba me, afi si wògena ɖe Atsiaƒu me le. Ne ege ɖe Atsiaƒu la me la, tsi la zua tsi vivi." data/train/EZK/EZK_020_Verse_007.mp3,"Elabena le nye to kɔkɔe si nye Israel ƒe to kɔkɔ la dzi la, Israel ƒe aƒe blibo la asubɔm le anyigba ma dzi, eye le afi ma la, maxɔ wo.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. ‘Le afi ma la, mahiã miaƒe nunana xɔasiwo kple miaƒe vɔsa kɔkɔewo." data/train/EZK/EZK_030_Verse_007.mp3,"elabena ŋkeke ma gogo, Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe, ŋkeke si dzi blukɔ ado, ŋkeke si ahe dzɔgbevɔ̃e va dukɔwo dzi." data/train/EZK/EZK_043_Verse_022.mp3,"Tso tsitoƒe si le anyigba va se ɖe kɔ etetɔ ŋu le mita ɖeka, eye wòkeke mita afã. Tso kɔ suetɔ gbɔ va se ɖe kɔ gãtɔ gbɔ la kɔ mita eve, eye wòkeke mita afã." data/train/EZK/EZK_045_Verse_013.mp3,"Kpe ɖe esiawo ŋu la, woana alẽ ɖeka tso alẽ alafa eve ƒe alẽha me tso gbeɖuƒe siwo tsi bɔ ɖo le Israel. Woawɔ esiawo ŋu dɔ hena nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo, be woalé avu ɖe ameawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_008_Verse_011.mp3,"Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, kpɔ anyiehe lɔƒo.” Mekpɔ afi ma, eye mekpɔ legba si he ŋuʋaʋã vɛ le mɔnu si le vɔsamlekpui la ƒe agbo ƒe anyiehe." data/train/EZK/EZK_034_Verse_007.mp3,"“Elabena esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Nye ŋutɔ madi nye alẽwo, eye makpɔ wo dzi." data/train/EZK/EZK_045_Verse_020.mp3,"“ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esɔ gbɔ na mi azɔ, O! Israel ƒe fia ŋutsuviwo! Miɖe asi le miaƒe nuveviwɔame kple miaƒe ameteteɖeto ŋuti, miawɔ nu si le dzɔdzɔe, eye wònyo. Midzudzɔ nuwo xɔxɔ le nye amewo si,” Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_003_Verse_002.mp3,"“Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye." data/train/EZK/EZK_012_Verse_024.mp3,"“Woanya be, nyee nye Yehowa, ne mekaka wo ɖe dukɔwo me kple anyigbawo dzi." data/train/EZK/EZK_036_Verse_024.mp3,"Madzi atikutsetsewo kple miaƒe agblemenukuwo ɖe edzi, ale be miagaɖu ŋukpe le dukɔwo dome le dɔwuame ta o." data/train/EZK/EZK_007_Verse_012.mp3,"Matrɔ mo ɖe adzɔge tso wo gbɔ, eye woagblẽ kɔ ɖo na nye teƒe vevi la. Adzodalawo age ɖe eme, eye woagblẽ kɔ ɖo nɛ." data/train/EZK/EZK_019_Verse_007.mp3,"Ehe viawo dometɔ ɖeka wòtsi hezu dzata sesẽ aɖe. Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna." data/train/EZK/EZK_036_Verse_006.mp3,"Aƒetɔ Yehowa be, futɔ la gblɔ tso ŋuwò be, “Ahã! Gbe aɖe gbe ƒe towo zu mía tɔ.” ’" data/train/EZK/EZK_001_Verse_026.mp3,"Woƒe afɔwo dzɔ; woƒe afɔwo le abe nyivi tɔwo ene, eye wole dzo dam abe ayawagba si ŋu woƒã la ene." data/train/EZK/EZK_003_Verse_011.mp3,"Ke Israel ƒe aƒe la mele lɔlɔ̃m be yeaɖo to wò o, elabena womele lɔlɔ̃m be woaɖo tom o, elabena Israel ƒe aƒemetɔwo katã nye tosẽlawo kple kɔlialiatɔwo." data/train/EZK/EZK_024_Verse_001.mp3,"Ale meƒo nu na ameawo le ŋdi me, eye le fiẽ me la, srɔ̃nye ku. Esi ŋu ke ŋdi la, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ la." data/train/EZK/EZK_039_Verse_024.mp3,"Ne mekplɔ wo gbɔe tso woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, maɖe ɖokuinye afia kɔkɔe le dukɔ geɖewo ŋkume." data/train/EZK/EZK_014_Verse_010.mp3,"“Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Aleke gbegbe wòagasẽ wu ne medɔ nye ʋɔnudɔdrɔ̃ dziŋɔ ene siawo, yi, dɔwuame, lã wɔadãwo kple dɔvɔ̃ ɖa ɖe Yerusalem ŋu be woawu eƒe amewo kple eƒe lãwo siaa!" data/train/EZK/EZK_019_Verse_014.mp3,"Wode ga ŋɔtime nɛ, hee ɖade gaxadza me, eye wokɔe yi na Babilonia fia. Ale womegase eƒe gbetete kpɔ le Israel ƒe towo dzi o." data/train/EZK/EZK_029_Verse_006.mp3,"Ekema ame siwo katã le Egipte la anya be, nyee nye Yehowa. “ ‘Ènye aƒlati na Israel ƒe aƒe la." data/train/EZK/EZK_039_Verse_021.mp3,"“Maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔwo dome, eye dukɔwo katã akpɔ to si mehe na wo kple asi si meda ɖe wo dzi." data/train/EZK/EZK_022_Verse_009.mp3,"Eƒe fiaviŋutsuwo bla nu le eme abe dzata si le gbe ɖem hele nu si wòlé la vuvum ene; wovuvua ame, tsɔa kesinɔnuwo kple nu xɔasiwo, eye wonana nyɔnu geɖewo zua ahosiwo le eme." data/train/EZK/EZK_006_Verse_002.mp3,"Ame si le adzɔge ʋĩi la, dɔvɔ̃ awui, ame si le kpuiƒe la, yi awui, eye ame si atsi agbe la, aku le dɔwuame ta. Alea mawɔ nye dziku ŋu dɔ ɖe wo ŋutie." data/train/EZK/EZK_014_Verse_016.mp3,"Ke agbetsila aɖewo anɔ anyi anye viŋutsu kple vinyɔnu siwo woaɖe tso eme. Woaʋu le mia gbɔ, eye ne mekpɔ woƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo la, miaƒe akɔ afa le dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe si mehe va Yerusalem dzi la ta." data/train/EZK/EZK_020_Verse_013.mp3,Eya ta mekplɔ wo dzoe le Egipte yi gbegbe la. data/train/EZK/EZK_023_Verse_023.mp3,"Eye wodɔ egbɔ. Abe ale si ŋutsuwo dɔa gbolo gbɔ ene la, nenema wodɔ nyɔnu ŋukpenanuwɔla, Ohola kple Oholiba gbɔe." data/train/EZK/EZK_009_Verse_009.mp3,"Miwu ŋutsu tsitsiwo, ɖekakpuiwo, ɖetugbiwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa, gake migaka asi ame aɖeke si ŋu dzesi le la ŋu o.” Midze egɔme tso ame tsitsi siwo nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi." data/train/EZK/EZK_007_Verse_004.mp3,"“Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “ ‘Dzɔgbevɔ̃e! Dzɔgbevɔ̃e si tɔgbi ƒe nya womese kpɔ o la! Kpɔ ɖa, eva ɖo." data/train/EZK/EZK_036_Verse_015.mp3,"Eya ta gblɔ nya ɖi tso Israelnyigba ŋuti, eye nàgblɔ na towo kple togbɛwo, gbadzaƒewo kple balimewo be, “Aƒetɔ Yehowa be, mele nu ƒom le nye ŋuʋaʋã ƒe dziku me, elabena miekpe fu le dukɔwo ƒe fewuɖuɖu me." data/train/EZK/EZK_022_Verse_011.mp3,"Èɖi fɔ le ʋu si nèkɔ ɖi ta, eye nègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò le aklamakpakpɛ siwo nèwɔ la ta. Èhe nuwuwu na wò ŋkekewo vɛ, eye wò ƒewo ƒe nuwuwu va ɖo. Eya ta mawɔ wò nàzu fewuɖunu na dukɔwo kple alɔmeɖenu na anyigbawo katã." data/train/EZK/EZK_007_Verse_003.mp3,"Anyigbadzrala magbugbɔ eƒe anyigba si wòdzra la axɔ zi ale si wo ame eve la le agbe o, elabena womatrɔ ŋutega si wokpɔ tso ameha blibo la ŋu o. Le woƒe nu vɔ̃wo ta la, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã matsi agbe o." data/train/EZK/EZK_048_Verse_029.mp3,"“Teƒe si asusɔ, si akeke mita akpe eve alafa atɔ̃ (2,500), eye wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) la, anɔ anyi na dua ƒe ŋu dɔ wɔwɔ, hena aƒewo kple lãnyiƒewo. Du la anɔ teƒe la ƒe titina," data/train/EZK/EZK_006_Verse_001.mp3,"Ale woanya be nyee nye Yehowa, ne woƒe ame kukuwo mlɔ woƒe legbawo dome, eye ɖewo ƒo xlã woƒe vɔsamlekpuiwo le nuxeƒe ɖe sia ɖe kple to ɖe sia ɖe dzi, le ati dama kple oɖumti dama ɖe sia ɖe te, teƒe siwo katã wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na woƒe legbawo katã le." data/train/EZK/EZK_017_Verse_001.mp3,"ale be wòate fiaɖuƒe la ɖe to, magate ŋu afɔ o, eye wòatsi agbe ne ewɔ nubabla la dzi ko." data/train/EZK/EZK_023_Verse_025.mp3,"“Gawu la, woɖo du ɖe ŋutsuwo, ame siwo va tso didiƒe, eye esi wova ɖo la, miele tsi na mia ɖokuiwo, miesi nu yibɔ ɖe miaƒe aɖaba te, eye miede miaƒe sikanuwo." data/train/EZK/EZK_007_Verse_025.mp3,"Yi le gota, eye dɔvɔ̃ kple dɔwuame le aƒe me. Yi awu ame siwo le gbedzi, eye ame siwo le du me la, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo." data/train/EZK/EZK_035_Verse_001.mp3,"“Ame vi, trɔ mo ɖe Seir to la gbɔ, gblɔ nya ɖi ɖe eŋu," data/train/EZK/EZK_034_Verse_018.mp3,"Mana anyigba si xɔ ŋkɔ le eƒe nukuwo ta la wo, womagakpe fu le dɔwuame ƒe asi me le woƒe anyigba dzi o, eye dukɔwo magaɖu fewu le wo ŋu azɔ o." data/train/EZK/EZK_020_Verse_010.mp3,"Esi mekplɔ wo va anyigba si meka atam be mana wo dzi, eye wokpɔ to kɔkɔ aɖe alo ati aɖe si do wusuu la, afi ma wowɔa vɔsawo kple vɔsanunanawo le, eye wodoa dziku nam. Wodoa dzudzɔʋeʋĩwo, eye wowɔa woƒe nunovɔsawo.’" data/train/EZK/EZK_048_Verse_027.mp3,"Teƒe blibo la ƒe didime kple kekeme asɔ, eye ɖe sia ɖe adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500). Abe nunana tɔxɛ ene la, miaɖe teƒe kɔkɔe la ɖi wòamlɔ dua ƒe anyigba ŋu." data/train/EZK/EZK_003_Verse_023.mp3,"“Nenema ke, ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔ nu vɔ̃, eye meda nu si wòakli ɖe mɔ me nɛ la, aku. Esi mèxlɔ̃ nui o ta la, aku le eƒe nu vɔ̃ ta. Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dzi o, eye mabia eƒe ʋu tso asiwò me." data/train/EZK/EZK_048_Verse_035.mp3,Zebulon axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Isaka ƒe anyigba tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. data/train/EZK/EZK_016_Verse_054.mp3,"Mienɔ agbe abe woawo ene ɖeɖe ko o, eye miewɔ woƒe ŋukpenanuwo hã ko o, ke boŋ le miaƒe wɔnawo katã me la, èwɔ nu vlowo wu woawo gɔ̃ hã." data/train/EZK/EZK_013_Verse_005.mp3,"Esi mietsɔ alakpa ɖe dzi le ame dzɔdzɔewo ƒo le esime nyemeda nuxaxa ɖe wo dzi o, eye esi miedo ŋusẽ ame vɔ̃ɖiwo be womagaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃ɖiwo ŋu o, ale be woaɖe woƒe agbe o ta la," data/train/EZK/EZK_003_Verse_009.mp3,"Gbɔgbɔ la kɔm do ɖe dzi, eye wòkɔm dzoe. Meyi le vevesese kple dzikudodo ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti me, eye Yehowa ƒe asi sesẽ la nɔ dzinye" data/train/EZK/EZK_044_Verse_031.mp3,"Yehowa gblɔ nam be, “Ele be agbo sia nanɔ tutu ɣe sia ɣi. Mele be woaʋui o, eye ame aɖeke mato eme age ɖe eme o. Ele be wòanɔ tutu, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la to eme ge ɖe eme." data/train/EZK/EZK_020_Verse_023.mp3,"Ke mekpɔ nublanui na wo, eye nyemetsrɔ̃ wo le gbea dzi o." data/train/EZK/EZK_041_Verse_024.mp3,Ʋɔtru ɖe sia ɖe ʋuna ɖe akpa eve. data/train/EZK/EZK_005_Verse_006.mp3,eye nàgatsɔ ɖa sue aɖe ade dzo me. Dzo abi tso afi ma age ɖe Israel ƒe aƒe blibo la me. data/train/EZK/EZK_039_Verse_016.mp3,"Le nye vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi ƒe ŋkekea dzi la, miaɖu lãmi aɖi ƒo, eye miano ʋu va se ɖe esime miamu." data/train/EZK/EZK_039_Verse_004.mp3,"Anyigba la dzi tɔwo katã aɖi wo, eye gbe si gbe woade bubu ŋutinye la, anye ŋkeke si dzi woaɖo ŋkui la na wo.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_034_Verse_006.mp3,"Ekema woanya be nye, Yehowa, woƒe Mawu la meli kpli wo, eye woawo, Israel ƒe aƒe la me tɔwo, nye nye amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_011_Verse_015.mp3,"Miatsi yi nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒowo dzi. Ekema mianya be nyee nye Yehowa." data/train/EZK/EZK_031_Verse_009.mp3,"Eya ta ati bubu siwo le tsiwo to la dometɔ aɖeke magada le eƒe kɔkɔ ta o, eye woƒe ɖɔme magakɔ wu avemeti bubuawo tɔwo o. Ati bubu siwo le tsiwo to la magade dzi nenema o. Ele na wo katã be woaku kokoko ayi tome, anɔ ame kukuwo dome kple ame siwo ayi aʋlime.’" data/train/EZK/EZK_029_Verse_008.mp3,"Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Matsɔ Egipte ana Nebukadnezar, Babilonia fia, eye wòalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe. Aha nuwo le anyigba la dzi atsɔ axe fee na eƒe aʋawɔlawo." data/train/EZK/EZK_023_Verse_030.mp3,"Le afi ma la, eti eƒe ahiãviwo yome. Woƒe ŋutsu le abe tedzitsuwo tɔ ene, eye woƒe ŋutsunu le abe sɔtsuwo tɔ ene." data/train/EZK/EZK_023_Verse_009.mp3,"Ameha la aƒu kpe wo, eye woadza wo kple woƒe yiwo, woawu wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo, eye woatɔ dzo woƒe xɔwo." data/train/EZK/EZK_041_Verse_014.mp3,"Le esia megbe la, edzidze xɔ si dze ŋgɔ xɔxɔnu si le gbedoxɔ la megbe la kple dziƒoxɔ siwo le gbedoxɔ la me le akpa ɖe sia ɖe, eye wode mita blaatɔ̃. Gbedoxɔ egodotɔ kple emetɔ kple akpata si dze ŋgɔ xɔxɔnu la," data/train/EZK/EZK_012_Verse_002.mp3,"“Ame vi, Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be, ‘Ŋutega si wòkpɔna la ava eme le ƒe geɖewo megbe, eye wògblɔa nya ɖi tso ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.’" data/train/EZK/EZK_017_Verse_011.mp3,"Eƒe aʋawɔla siwo le sisim la katã atsi yi nu, eye eƒe agbetsilawo akaka ɖe yawo katã nu, ekema mianya be nye Yehowae gblɔe.’" data/train/EZK/EZK_001_Verse_000.mp3,"Afi sia afi si gbɔgbɔ la ayi la, woawo hã yina, afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi yina, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le afɔawo hã me." data/train/EZK/EZK_048_Verse_006.mp3,"Dua me dɔwɔlawo, ame siwo ade agble ɖe edzi la atso Israel ƒe toawo katã me." data/train/EZK/EZK_003_Verse_008.mp3,"Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, eye wòna metso ɖe tsitrenu. Eƒo nu nam gblɔ be, “Yi, nàtu ɖokuiwo ɖe wò aƒe me." data/train/EZK/EZK_023_Verse_041.mp3,"Woatsɔ aʋawɔnuwo ɖe ŋuwò ava tu wò kple tasiaɖamwo, kekewo kple ameha gã aɖe. Woanɔ axa ɖe sia ɖe dzi, atsi tsitre ɖe ŋuwò kple akpoxɔnu gãwo kple suewo kple gakukuwo. Matsɔ wò ade asi na wo hena tohehe, eye woahe to na wò le woƒe sewo nu." data/train/EZK/EZK_047_Verse_005.mp3,"Egadzidze mita alafa atɔ̃ (500) bubu, ke azɔ la, ezu tɔsisi si nyemate ŋu atso o, elabena tsi la ɖɔ, eye wògoglo be woate ŋu aƒui, eye ame aɖeke mate ŋu atsoe o." data/train/EZK/EZK_023_Verse_003.mp3,"“Ale matsi ŋukpenanuwɔwɔ nu le anyigba la dzi, ale be nyɔnuwo katã nakpɔ nuxɔxlɔ̃, eye womaganɔ agbe abe woawo ene o." data/train/EZK/EZK_023_Verse_018.mp3,"Etsɔ eɖokui abe gbolo ene na Asiriatɔwo ƒe ame ŋkutawo katã, eye wòtsɔ ame sia ame si yome wòtina vevie la ƒe legbawo do gu eɖokui." data/train/EZK/EZK_009_Verse_000.mp3,"Azɔ la, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe ho tso kerubiawo tame, afi si wònɔ tsã, eye wòyi gbedoxɔ la ƒe kpui nu. Tete Yehowa yɔ ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu, ame si ƒe aklito agbalẽŋlɔnuwo le la," data/train/EZK/EZK_040_Verse_007.mp3,"Atrakpui adre nɔ ete, eye eƒe akpata nɔ woƒe akpa eveawo. Wota detiwo ɖe domegliawo ŋu le akpa ɖe sia ɖe me." data/train/EZK/EZK_020_Verse_024.mp3,"“ ‘Ke wodze aglã ɖe ŋutinye, eye womeɖo tom o; womeɖe asi le aklamakpakpɛ dzodzro siwo dzi woda ŋku ɖo la ŋu o, eye womeɖe asi le woƒe Egipte legbawo hã ŋu o. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu le Egipte." data/train/EZK/EZK_033_Verse_016.mp3,"Ke ne ègblɔ na ame vɔ̃ɖi la be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye wògbe la, aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta, ke wò ya la, àɖe ɖokuiwò." data/train/EZK/EZK_018_Verse_000.mp3,"“Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, miagado lo sia le Israel o." data/train/EZK/EZK_001_Verse_018.mp3,"Ne woɖe zɔ la, woyia teƒe eneawo dometɔ ɖeka si nu gbagbeawo trɔ mo ɖo. Ne nu gbagbeawo le yiyim la, tasiaɖam la ƒe afɔawo metrɔna le wo ŋu o." data/train/EZK/EZK_046_Verse_018.mp3,"Ne fiaviŋutsu la wɔ lɔlɔ̃nununana na Aƒetɔ Yehowa, numevɔsa alo akpedavɔsa la, woaʋu agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nɛ. Ana eƒe numevɔsa alo akpedavɔsawo abe ale si wòwɔna le Dzudzɔgbe la ene. Ekema ado go, eye ne edo go la, woatu agbo la." data/train/EZK/EZK_037_Verse_026.mp3,"Womagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo kple woƒe legbawo alo ametikpakpɛ nyɔŋuwo alo kple woƒe nu vɔ̃wo dometɔ aɖeke o, elabena maɖe wo tso woƒe megbededewo katã me, eye makɔ wo ŋu. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu." data/train/EZK/EZK_013_Verse_008.mp3,"eya ta gblɔ na akalosilawo be, gli la le mumu ge. Tsi adza bababa, maɖo tsikpe ɖa, eye mana ahom sesẽwo natu." data/train/EZK/EZK_023_Verse_032.mp3,"Matrɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye woatu nu kpli wò kple dɔmedzoe. Woakpa ŋɔti kple towo na wò, eye mia dometɔ siwo atsi anyi la, atsi yinu. Woakplɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo adzoe, eye dzo afia mi ame siwo asusɔ." data/train/EZK/EZK_042_Verse_006.mp3,"Esime xɔ siwo le xɔxɔnu egodotɔ ƒe axadzi didi mita blaeve vɔ atɔ̃ la, esiwo te ɖe gbedoxɔ la ŋu la didi mita blaatɔ̃." data/train/EZK/EZK_006_Verse_000.mp3,"Afi sia afi si mianɔ la, miaƒe duwo azu aƒedo, eye woagbã miaƒe nuxeƒewo, woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, eye woatsrɔ̃ wo; woagbã miaƒe legbawo, woagbã miaƒe vɔsamlekpui siwo dzi miedoa dzudzɔ ʋeʋĩ le, eye woatsrɔ̃ nu siwo miewɔ." data/train/EZK/EZK_024_Verse_011.mp3,Ena agbagbadzedzewo katã zu dzodzro; womeɖe nu siwo ɖo aƒa titri ɖe ete la ɖa kple dzo gɔ̃ hã o. data/train/EZK/EZK_028_Verse_012.mp3,"Le wò nunya gã tso asitsatsa ŋu ta la, èdzi wò hotsuikpɔkpɔ ɖe edzi, eye le wò hotsuikpɔkpɔ ta la, wò dzi dana." data/train/EZK/EZK_030_Verse_003.mp3,"“Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Egipte dzi nɔlawo adze anyi, eye eƒe ŋusẽ si dzi wòdana ɖo la ayi to tso Migdol va se ɖe Aswan; woatsi yinu le eme.’ Aƒetɔ Yehowa gblɔe." data/train/EZK/EZK_037_Verse_005.mp3,"Ekema mi, nye amewo, mianya be nyee nye Yehowa, ne meʋu miaƒe yɔdowo, eye meɖe mi do goe tso wo me." data/train/EZK/EZK_023_Verse_046.mp3,"Wozu gbolowo le Egipte, eye wowɔ gbolo tso keke woƒe ɖetugbime ke. Le anyigba ma dzi la, wolé no na wo, eye woli asi woƒe akɔnu." data/train/EZK/EZK_044_Verse_024.mp3,"Tete ŋutsu la kplɔm to anyiehegbo la me yi gbedoxɔ la ŋgɔ. Metsa ŋku, eye mekpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wòyɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye metsyɔ mo anyi." data/train/EZK/EZK_014_Verse_004.mp3,"“Ame vi, ame siawo li legbawo ɖe woƒe dzi me, eye woɖi afɔklinu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe ŋkume. Ɖe mana woabia gbem mahã?" data/train/EZK/EZK_045_Verse_011.mp3,"Gbe sia gbe le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo me la, ana nyitsu adre kple agbo adre siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, hena numevɔsa na Yehowa, eye wòagana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa." data/train/EZK/EZK_048_Verse_033.mp3,"woatsɔ Israel ƒe towo ƒe ŋkɔwo na du la ƒe agbowo. Anyiehegbo etɔ̃awo anye Ruben ƒe agbo, Yuda ƒe agbo kple Levi ƒe agbo." data/train/EZK/EZK_013_Verse_016.mp3,"Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋunye le nye amewo dome ɖe lu asiʋlo ʋɛ aɖewo kple abolo kakɛwo ta. To miaƒe aʋatsokaka na nye ame siwo ɖoa to miaƒe alakpanyawo me la, miewu ame siwo maku hafi o, eye mieɖe ame siwo matsi agbe hafi o la ƒe agbe.’" data/train/EZK/EZK_048_Verse_010.mp3,"“Esiawoe nye toawo le woƒe ŋkɔwo nu: “Tso dzigbemeliƒo dzi la, Dan axɔ mama ɖeka. Mama sia azɔ ɖe Hetlon mɔ ŋu ayi Lebo Hamat. Hazar Enan kple Damasko ƒe dzigbemeliƒo anye eƒe liƒo ƒe akpa aɖe tso ɣedzeƒe lɔƒo va yi ɣetoɖoƒe lɔƒo." data/train/EZK/EZK_044_Verse_005.mp3,"Gblɔ na Israel ƒe aƒe dzeaglã la be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. Miaƒe ŋukpenanuwɔnawo sɔ gbɔ, O! Israel ƒe aƒe!" data/train/EZK/EZK_026_Verse_021.mp3,"Woaha wò kesinɔnuwo, alɔ wò adzɔnuwo, woamu wò gliwo, woagbã wò xɔ dzeaniwo, eye woalɔ wò kpewo, xɔtutuwo kple gli gbagbãwo akɔ ɖe atsiaƒu me." data/train/EZK/EZK_035_Verse_013.mp3,"Mawɔ Seir to la aƒedo kple gbegbe, eye maɖe ame siwo vana, gadzona ɖa le wo dzi." data/train/EZK/EZK_023_Verse_019.mp3,"Eya hã ti Asiriatɔwo, mɔmefiawo kple aʋafia gãwo, aʋawɔla, siwo le asrafowu me, sɔdolawo; ame siwo katã nye ɖekakpui dzeɖekɛwo yome." data/train/EZK/EZK_024_Verse_009.mp3,"“Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. “Babaa na hlɔ̃dodu la, babaa na nuɖaze si lé ɣebia, eye ɣebialéle maɖe ɖa le eŋu o! Ɖe lãkɔawo ɖeka ɖeka le ze la me, gake mègadzidze nu ɖe wo dzi o." data/train/EZK/EZK_009_Verse_003.mp3,"Eya ta nyemakpɔ nublanui na wo alo atsɔe ake wo o, ke boŋ mana nu si wowɔ la nava woawo ŋutɔ ƒe ta dzi.”" data/train/EZK/EZK_023_Verse_022.mp3,"“Eya ta Oholiba, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Made ada ta me na wò ahiãviwo, ame siwo yome nètrɔ le kple dɔmedzoe, eye makplɔ wo vɛ woatso ɖe ŋuwò tso axa ɖe sia ɖe dzi." data/train/EZK/EZK_018_Verse_019.mp3,"“Le kpɔɖeŋu me, ne viŋutsu sẽŋuta aɖe le esi, ame si kɔa ʋu ɖi, eye wòwɔa nu vɔ̃ bubu siawo dometɔ aɖe," data/train/EZK/EZK_026_Verse_003.mp3,"“Ame vi, esi Tirotɔwo gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Ahã! Dukɔwo ƒe agbo kaka, eye woƒe ʋɔtruwo ʋu nam. Azɔ esi eƒe dua gbã ta la, nuwo adze edzi nam’ ta la," data/train/EZK/EZK_006_Verse_007.mp3,"“Ke maɖe ame aɖewo ya, elabena mia dometɔ aɖewo asi le yinu ne wokaka mi ɖe anyigba dzi kple dukɔwo dome." data/train/EZK/EZK_037_Verse_020.mp3,"Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na ƒu siawoe nye, mana gbɔgbɔ nage ɖe mia me, eye miagbɔ agbe." data/train/EZK/EZK_046_Verse_024.mp3,"Woɖo kpegli ɖe xɔxɔnu eneawo dometɔ ɖe sia ɖe me ƒo xlãe, eye woɖi mlekpui ɖe kpegliawo ŋu ƒo xlãe kpe ɖo." data/train/EZK/EZK_023_Verse_008.mp3,"“Ameha aɖe ƒe howɔwɔ ƒo xlãe. Wokplɔ Sabeatɔwo tso gbegbe kpli wo vɛ, eye wotsɔ abɔgɛwo de abɔwo na nyɔnu la kple nɔvia nyɔnu, eye woɖɔ fiakuku dzeaniwo na wo." data/train/EZK/EZK_012_Verse_000.mp3,"Ale mewɔ nu si wòɖo nam. Le ŋkeke me la, metsɔ nye nuwo do agbae na aboyomeyiyi. Le fiẽ me la, meŋɔ gli la kple nye asiwo. Esi blukɔ do la, metsɔ nye nuwo ɖe abɔta, do goe le ameawo ŋkume." data/train/EZK/EZK_020_Verse_001.mp3,"Ame sia ame akpɔe be nye Yehowae do dzo la, eya ta womatsii o.’ ”" data/train/EZK/EZK_024_Verse_020.mp3,"Mina miaƒe tablanu nanɔ ta na mi, eye miaƒe tokota nanɔ afɔ na mi; miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye miaɖe hũu le mia ɖokuiwo dome." data/train/EZK/EZK_039_Verse_008.mp3,"Ekema maƒo wò da le wò miasi me, eye mana wò datiwo nage tso wò nuɖusime." data/train/EZK/EZK_043_Verse_001.mp3,"Azɔ la, na woaɖe woƒe gbolowɔwɔ kple woƒe fiawo ƒe legba siwo me agbe mele o la ɖa tso gbɔnye, ekema manɔ wo dome tegbee." data/train/EZK/EZK_023_Verse_028.mp3,"Ke egayi gbolowɔwɔ dzi wu esi wòɖo ŋku eƒe ɖetugbimeŋkekewo dzi, esime wònye gbolo le Egipte." data/train/EZK/EZK_029_Verse_019.mp3,"Matsɔ ƒu aƒo ɖe wò glã me, eye mana wò tɔwo me lãwo nalé ɖe wò tsro ŋu, mahe wò ado goe le wò tɔsisiwo me kple tɔmelã siwo katã lé ɖe wò tsrokpa ŋuti." data/train/EZK/EZK_042_Verse_015.mp3,"Tete wògblɔ nam be, “Xɔ siwo le anyiehe kple dziehe, eye wodze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu la nye nunɔlawo ƒe xɔwo, afi si nunɔla siwo tena ɖe Yehowa ŋu la aɖu vɔsanu kɔkɔeawo le. Afi mae woatsɔ vɔsanu kɔkɔewo, nuɖuvɔsanuwo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo kple fɔɖivɔsanuwo ada ɖo, elabena teƒe la le kɔkɔe." data/train/EZK/EZK_021_Verse_010.mp3,"“Ekema, Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàƒo asikpe. Na yi nadze ame dzi zi eve alo zi etɔ̃ gɔ̃ hã. Amewuyie, yi na ame geɖewo wuwu, yi si amimi wo ɖo to axa ɖe sia ɖe dzi." data/train/EZK/EZK_029_Verse_021.mp3,"Metsɔ Egipte nɛ abe fetu ene le eƒe agbagbadzedze ta, elabena nyee eya kple eƒe aʋakɔ wɔ dɔ la na.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_040_Verse_016.mp3,"Ekplɔm yi afi ma, eye mekpɔ ame aɖe si ƒe dzedzeme ɖi akɔbli. Etsi tsitre ɖe agboa nu. Elé dzidzeka kple nudzidzeti ɖe asi." data/train/EZK/EZK_031_Verse_005.mp3,"“ ‘Ati siwo nɔ Eden la dometɔ kae woatsɔ asɔ kpli wò le nyonyo kple fianyenye me? Ke woatsɔ wò hã akpe ɖe Eɖen ƒe atiwo ŋuti ade yɔdo me. Ànɔ aʋamatsomatsotɔwo dome, akpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti. “ ‘Ame siawoe nye Farao kple eƒe ame gbogboawo’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”" data/train/EZK/EZK_025_Verse_006.mp3,"Elabena alea Aƒetɔ Yehowa gblɔ: esi mieƒo asikpe, tu afɔ anyi le dzidzɔkpɔkpɔ me kple ta me vɔ̃ ɖoɖo le miaƒe dzi me ɖe Israelnyigba ŋu ta la," data/train/EZK/EZK_018_Verse_002.mp3,"Elabena luʋɔ ɖe sia ɖe nye tɔnye, fofo kple vi, wo ame eveawo siaa nye tɔnye. Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku!’" data/train/EZK/EZK_044_Verse_012.mp3,"Le esime miawɔ miaƒe dɔdeasiwo le nye nu kɔkɔewo ŋuti la, mietsɔ ame bubuwo be woakpɔ nye kɔkɔeƒe la dzi.’" data/train/EZK/EZK_021_Verse_027.mp3,"“Trɔ wò mo ɖe Yerusalem ŋu, eye nàgblɔ nya atsi tsitre ɖe kɔkɔeƒe la ŋu. Gblɔ nya ɖi ɖe Israelnyigba ŋu," data/train/EZK/EZK_022_Verse_008.mp3,"eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Du si he tsɔtsrɔ̃ va eɖokui dzi to ʋukɔkɔɖi le eƒe amewo dome, eye wòdo gu eɖokui to aklamakpakpɛwo wɔwɔ na eɖokui me." data/train/EZK/EZK_026_Verse_012.mp3,"Eƒe sɔwo asɔ gbɔ ale gbegbe be woana ʋuʋudedi natsyɔ dziwò. Aʋawɔsɔwo, kekewo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ana wò gliwo naʋuʋu kpekpekpe, ne ege ɖe wò agbowo me abe ale si amewo gena ɖe du si ŋu gli gbã le la me ene." data/train/EZK/EZK_046_Verse_008.mp3,"“ ‘Gbe sia gbe la, miana alẽvi aɖe si xɔ ƒe ɖeka, lã si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o hena numevɔsa na Aƒetɔ Yehowa; mianae ŋdi sia ŋdi." data/train/EZK/EZK_028_Verse_015.mp3,"To wò asitsatsa yi teƒe geɖewo me la, ŋutasesẽ yɔ mewò, eye nèwɔ nu vɔ̃. Eya ta menya wò ŋukpedoametɔe le Mawu ƒe to la dzi; menya wò kerubi, amedzikpɔla, le dzokpeawo dome." data/train/EZK/EZK_001_Verse_005.mp3,"eye nu siwo le dzo la me la le abe nu gbagbewo ene. Woƒe dzedzeme le abe amegbetɔ tɔ ene," data/train/EZK/EZK_024_Verse_021.mp3,"“ ‘Nye Yehowae ƒo nu. Ɣeyiɣi la ɖo be mawɔ edzi. Nyematɔ o, eye nyemakpɔ nublanui loo alo adzudzɔ nu si meɖo la wɔwɔ o. Woadrɔ̃ ʋɔnu wò le wò nɔnɔme kple wɔnawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ”" data/train/EZK/EZK_038_Verse_011.mp3,"Le nye ŋuʋaʋã kple dɔmedzoe helĩhelĩ me la, megblɔ be, le ɣe ma ɣi me la, anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe anɔ Israelnyigba dzi." data/train/EZK/EZK_036_Verse_018.mp3,"Eye afi sia afi si woyi le dukɔwo dome la, wodoa gu nye ŋkɔ kɔkɔe la, elabena wogblɔ tso wo ŋu be, ‘Ame siawo nye Yehowa ƒe amewo, ke ele na wo be woadzo le anyigba la dzi.’" data/train/EZK/EZK_041_Verse_000.mp3,"Ame ƒe mo dze ŋgɔ deti la le akpa ɖeka, eye dzata ƒe mo dze ŋgɔ deti la le akpa kemɛ. Wokpa wo ɖe gliawo ŋu ƒo xlã gbedoxɔ blibo la." data/train/EZK/EZK_013_Verse_021.mp3,"Woƒe ŋutegawo nye aʋatso, eye woƒe nukakawo nye alakpa; wogblɔna be, “Yehowae gblɔe,” le esime Yehowa medɔ wo o, ke wokpɔa mɔ be, yewoƒe nyawo nava eme." data/train/EZK/EZK_041_Verse_021.mp3,"Xɔ si dze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu le ɣetoɖoƒe lɔƒo la keke mita blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, eye wòtri mita eve kple afã. Gli la didi mita blaene-vɔ-atɔ̃." data/train/EZK/EZK_011_Verse_009.mp3,"eye mianya be nyee nye Yehowa, elabena miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu alo wɔ nye sewo dzi o, ke boŋ miewɔa nu siwo dukɔ siwo ƒo xlã mi la wɔna.”" data/train/EZK/EZK_046_Verse_011.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, ŋdi sia ŋdi miana nuɖuvɔsa wɔ agba ɖeka kple ami lita ene be woatsɔ ablu wɔ lae. Nuɖuvɔsa sia nana Aƒetɔ Yehowa nye ɖoɖo mavɔ." data/train/EZK/EZK_011_Verse_013.mp3,"Mana dzi si to mɔ ɖeka wo, eye made gbɔgbɔ yeye wo me. Maɖe kpedzi la ɖa le wo me, eye mana lãkusidzi wo." data/train/EZK/EZK_036_Verse_035.mp3,"Mianɔ anyigba si metsɔ na mia tɔgbuiwo la dzi; mianye nye amewo, eye manye miaƒe Mawu." data/train/EZK/EZK_031_Verse_018.mp3,"Tsiwo na nunyiamewoe, tsitsetse goglowo na wòkɔ, woƒe tɔsisiwo tsa ƒo xlã ete, eye wodo eƒe alɔdzewo ɖe ati siwo katã le gbedzi la gbɔ." data/train/EZK/EZK_040_Verse_000.mp3,"abe eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ene, eye fesrewo nɔ eŋu godoo va kpe. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã." data/train/EZK/EZK_044_Verse_007.mp3,"Ke, le esime wosubɔ ameawo le woƒe legbawo ŋkume, eye wona Israel ƒe aƒe la dze nu vɔ̃ me ta la, meka atam le esime mekɔ asi dzi be woaxɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenuwo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_041_Verse_005.mp3,"Azɔ la, edzidze gbedoxɔ la. Edidi mita blaatɔ̃, eye gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu kple xɔ la ƒe gliwo hã didi nenema ke." data/train/EZK/EZK_020_Verse_003.mp3,"“Ame vi, trɔ mo ɖo ɖe dziehe lɔƒo, gblɔ nya tsi tsitre ɖe dziehenyigba ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe Negebnyigba ƒe avewo ŋuti." data/train/EZK/EZK_039_Verse_014.mp3,"Kpe ɖe nu sia ŋu la, du si woyɔna be Hamona hã anɔ afi ma. Ale woakɔ anyigba la ŋuti.’" data/train/EZK/EZK_040_Verse_048.mp3,"Xɔvi etɔ̃ le ɣedzeƒegbo la nu ƒe akpa ɖe sia ɖe; dzidzeme ɖeka li na wo ame etɔ̃awo, eye gli ɖe sia ɖe si do ɖe ŋgɔ la ƒe ŋkume nye didime ma ke." data/train/EZK/EZK_043_Verse_002.mp3,"Egblɔ nam be, “Ame vi, afi siae nye nye fiazikpui ƒe nɔƒe kple teƒe na nye afɔƒome. Teƒe siae nye afi si manɔ le Israelviwo dome tegbetegbe. Israel ƒe aƒe la magado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la kple woƒe fiawo to woƒe gbolowɔwɔ kple legba siwo me agbe mele o le woƒe nuxeƒewo o." data/train/EZK/EZK_048_Verse_021.mp3,Manase axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Naftali ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. data/train/EZK/EZK_015_Verse_005.mp3,"Mana nye mo nanyra ɖe wo ŋu. Togbɔ be wodo le dzoa me hã la, dzo la agabi wo kokoko. Eye ne mena nye mo nyra ɖe wo ŋu hã la, mianya be, nyee nye Yehowa." data/train/EZK/EZK_010_Verse_002.mp3,"Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Israel ƒe Mawu la te le Kebar tɔsisi la to eye medze sii be, kerubiwo wonye." data/train/EZK/EZK_036_Verse_009.mp3,"Ekema dukɔ siwo susɔ ƒo xlã mi la anya be, nye Yehowae gbugbɔ du siwo wogbã la tu, eye medo nukuwo ɖe gbegbewo. Nye Yehowae gblɔe, eye mawɔe hã.”" data/train/EZK/EZK_037_Verse_008.mp3,"eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Maɖe Israelviwo ɖa tso dukɔ siwo me woyi la me. Maƒo wo nu ƒu tso teƒeawo katã, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi." data/train/EZK/EZK_016_Verse_021.mp3,"“Esi mèɖo ŋku wò ɖetugbimeŋkekewo dzi o, ke boŋ nètsɔ nu siawo do dziku nam ta la, mahe nu siwo nèwɔ la va wò ta dzi kokoko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ɖe mètsɔ ŋukpenanuwɔwɔ kpe ɖe wò ŋunyɔnuwɔwɔwo ŋu oa?" data/train/EZK/EZK_038_Verse_023.mp3,"Ƒumelãwo, dziƒoxeviwo, gbemelãwo, nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba, eye ame siwo katã le anyigba dzi la adzo nyanyanya le nye ŋkume. Towo atrɔ abu, agakpewo atu wɔ, eye gli ɖe sia ɖe amu." data/train/EZK/EZK_047_Verse_007.mp3,"Ele be miama anyigba la sɔsɔe ɖe wo dome, elabena mekɔ nye asi dzi ka atam be matsɔe ana mia tɔgbuiwo, eye anyigba sia azu miaƒe domenyinu." data/train/EZK/EZK_020_Verse_031.mp3,Mahe to na mi abe ale si mehe to na mia fofowo le Egipte gbegbe la ene.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. data/train/EZK/EZK_033_Verse_011.mp3,"eye wòkpɔ yi la wògbɔna ɖe dukɔ la ŋu, ne eku kpẽ be yeaxlɔ̃ nu eƒe amewo la," data/train/EZK/EZK_039_Verse_001.mp3,"Àdze anyi ɖe Israel ƒe towo dzi, wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ siwo le dziwò. Mana nàzu nuɖuɖu na xevi ʋulãɖulawo kple lã wɔadãwo katã." data/train/EZK/EZK_040_Verse_037.mp3,"Le esia megbe la, ekplɔm yi anyiehegbo la gbɔ, eye wòdzidzee. Eƒe dzidzemewo nɔ abe bubuawo tɔwo ene," data/train/EZK/EZK_044_Verse_013.mp3,"“ ‘Levitɔ siwo de megbe le ŋunye, esime Israel tra mɔ, eye wòdzo le gbɔnye hedze legbawo yome la, axɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenu." data/train/EZK/EZK_021_Verse_022.mp3,"Nu si adzɔ ɖe Yerusalem dzi la, woatsɔe ade eƒe nuɖusime, afia afi si woatu gligbãnuwo ɖo, woaɖe gbe be woawu amewo woado aʋaɣli, wòatu gligbãnu ɖe agboawo nu, woaƒo kpo, eye woawɔ atsrɔewo ɖe gliawo ŋu." data/train/EZK/EZK_047_Verse_020.mp3,"Nu gbagbe geɖewo anɔ eme, afi sia afi si wòatsa ayi. Tɔmelã geɖewo anɔ eme, elabena tsi sia tsana yina afi ma, eye wònana dzetsi trɔna zua tsi nyui, ale be afi sia afi si tɔsisi la tsa yi la, nu sia nu anɔ agbe." data/train/EZK/EZK_030_Verse_019.mp3,"Mana Nil tɔsisi la namie, eye madzra anyigba la na ame vɔ̃ɖiwo. Mana amedzrowo ƒe asi nagblẽ anyigba la kple nu sia nu si le edzi. Nye, Yehowae ƒo nu." data/train/EZK/EZK_004_Verse_010.mp3,"Metsɔ ŋkekewo ƒe xexlẽme ma ke na wò abe woƒe nu vɔ̃wo ƒe ƒewo ƒe xexlẽme ene. Ale hena ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke (390) la, àtsɔ Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo." data/train/EZK/EZK_045_Verse_019.mp3,Nunɔla la aku nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ʋu aɖe asisi ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtrutiwo ŋu kple vɔsamlekpui la ƒe kɔwo ƒe dzogoe eneawo ŋu kple xɔxɔnu emetɔ ƒe agbonutiwo ŋu. data/train/EZK/EZK_005_Verse_013.mp3,"Miazu alɔmeɖenu, vlodonu, nuxlɔ̃amenu kple ŋɔdzi na dukɔ siwo ƒo xlã mi ne mehe to na mi le nye dɔmedzoe kple dziku me. Nye Yehowae gblɔe." data/train/EZK/EZK_028_Verse_009.mp3,"“ ‘Eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi aƒo xlã Israelviwo, ame siwo ƒe aɖewo nye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame o. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa." data/train/EZK/EZK_030_Verse_001.mp3,"“ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Matsrɔ̃ Egipte ameha gã la to Nebukadnezar, Babilonia fia ƒe asi dzi." data/train/EZK/EZK_027_Verse_007.mp3,"Aɖaŋudɔwɔla tsitsiwo tso Gebal nɔ wò tɔdziʋuwo me be woatre wò gbagbãƒewo. Tɔdziʋu siwo katã le ƒu dzi kple woƒe tɔdziʋumedɔwɔlawo va be yewoatsa asi, aƒle wò adzɔnuwo." data/train/EZK/EZK_044_Verse_016.mp3,"“ ‘Ne woge ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbowo me la, woado aklalawuwo, womado lãfuwu aɖeke esime wole subɔsubɔdɔ wɔm le xɔxɔnu emetɔ me alo le gbedoxɔ la me o." data/train/EZK/EZK_046_Verse_006.mp3,"Fiavi ŋutsuvi la ato gota age ɖe eme to akpata la ƒe agbo me, eye wòatsi tsitre ɖe agbo la ƒe ʋɔtruti nu. Nunɔlaawo asa numevɔwo kple akpedavɔwo, asubɔ le agbo la ƒe agbali me, eye wòado go, gake womatu agbo la o va se ɖe fiẽ me." data/train/EZK/EZK_025_Verse_011.mp3,"Mabia hlɔ̃ wo vevie, eye mahe to na wo le nye dɔmedzoe helĩhelĩ me. Ekema woanya be nyee nye Yehowa, ne mebia hlɔ̃ wo.’ ”" data/train/EZK/EZK_008_Verse_013.mp3,"Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe mɔnu. Melé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye mekpɔ do aɖe le gli la me." data/train/EZK/EZK_032_Verse_031.mp3,"Woƒe yɔdowo le do la ƒe gogloƒe, eye eƒe aʋakɔ la ƒo xlã yɔdo la. Wowu ame siwo katã do ŋɔdzi na agbagbeawo ƒe anyigba, wotsi yi nu." data/train/EZK/EZK_034_Verse_004.mp3,"Atiwo le gbedzi atse ku, eye anyigba ana nuku nyuiwo, eye amewo anɔ dedie le woƒe anyigba dzi. Woanya be nyee nye Yehowa, ne meŋe woƒe kɔkutimegawo, eye meɖe wo tso ame siwo wɔ wo kluviwoe la ƒe asi me." data/train/EZK/EZK_022_Verse_000.mp3,"Abe ale si amewo ƒoa ƒu klosalo, akɔbli, gayibɔ, tsumi kple gaɣi dea kpodzo me be woalolõ wo ene la, nenema maƒo mia nu ƒu le nye dɔmedzoe kple dziku me, eye mada mi ɖe du gã la me, alolõ mi." data/train/EZK/EZK_021_Verse_024.mp3,"“ ‘O! Wò Israel dziɖula vɔ̃ɖi, ame si gblɔa nya tovowo, ame si ƒe ŋkeke de, ame si ƒe ɣeyiɣi na tohehe ɖo eƒe kɔkɔƒe," data/train/EZK/EZK_044_Verse_011.mp3,"Kutsetse gbãtɔwo ƒe nyuitɔwo kple miaƒe nunana tɔxɛwo katã anye nunɔlawo tɔ. Ele be miatsɔ miaƒe agblemenuku gbãtɔwo ana wo, ale be yayra nanɔ wò aƒemetɔwo dzi." data/train/2PE/2PE_003_Verse_006.mp3,"Gbã la, ele be miase egɔme be le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, anɔ fewu ɖum, eye woadze woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome." data/train/2PE/2PE_001_Verse_002.mp3,"dɔmenyowɔwɔ na havi nakpe ɖe mawumegbenɔnɔ ŋu, eye lɔlɔ̃ hã nakpe ɖe dɔmenyowɔwɔ ŋu." data/train/2PE/2PE_001_Verse_005.mp3,"Elabena ne nɔnɔme siawo dzi ɖe edzi le mia me le agbɔsɔsɔ me la, woakpe ɖe mia ŋu be miaganye ŋutetemanɔŋutɔwo kple ame matsekuwo le miaƒe sidzedze míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo me o." data/train/2PE/2PE_003_Verse_013.mp3,"Nenɔ susu me na mi be míaƒe Aƒetɔ la ƒe dzigbɔɖi nye miaƒe ɖeɖe, abe ale si mía nɔvi lɔlɔ̃ Paulo ŋlɔ na mi kple nunya si Mawu nɛ la ene." data/train/2PE/2PE_002_Verse_008.mp3,"Gake ame siawo gblɔa busunya le nya siwo gɔme womese o la me. Wole abe lã siwo si nunya mele o, nuwɔwɔ siwo wɔ nu ɖekematsɔlemetɔe kple lã siwo wodzi ko be woalé wo, eye woatsrɔ̃ wo la ene. Eye abe lãwo ene la, woawo hã woatsrɔ̃." data/train/2PE/2PE_003_Verse_018.mp3,"Woagblɔ be, “Afi ka eƒe ‘vava’ ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, esi mía fofowo ku la, nu sia nu le edzi yim abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.”" data/train/2PE/2PE_001_Verse_015.mp3,"Mesusu be zi ale si mele ŋutilã ƒe agbadɔ sia me la, enyo be manɔ ŋku ɖom nu dzi na mi," data/train/2PE/2PE_001_Verse_021.mp3,"ɖokuidziɖuɖu nakpe ɖe sidzedze ŋu, vevidodo nu nakpe ɖe ɖokuidziɖuɖu ŋu, mawumegbenɔnɔ nakpe ɖe vevidodo nu ŋu;" data/train/2PE/2PE_002_Verse_020.mp3,"Wodoa ablɔɖe ƒe ŋugbe na wo esi woawo ŋutɔ wonye kluviwo na anyidzedze, elabena ame nyea kluvi na nu sia nu si ɖu aƒetɔ ɖe edzi la." data/train/2PE/2PE_001_Verse_000.mp3,"Ale míegakpɔ kpeɖodzi na Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nyawo, eya ta anye nu dzeame ne mieɖo to wo, elabena ele abe ale si kekeli klẽna ɖe viviti me ene va se ɖe esime ŋkekea nava, eye ŋukeɣletivi la naklẽ ɖe miaƒe dziwo me." data/train/2PE/2PE_001_Verse_019.mp3,"To esiawo me wòtsɔ eƒe nunana gã kple ŋugbedodo xɔasi na mí, ale be to wo dzi míakpɔ gome le eƒe mawunyenye me, eye míasi le gbegblẽ si ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo he va xexea me la nu." data/train/2PE/2PE_003_Verse_005.mp3,"Eŋlɔ nu siawo ɖe eƒe agbalẽwo katã me, eye wòƒoa nu tso nu siawo katã ŋu. Nanewo le eƒe agbalẽawo me siwo ƒe gɔmesese sesẽ, esi ame manyanuwo kple ame malikewo blua afɔ na, abe ale si wowɔna na mawunya bubuwo hã ene, hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃." data/train/2PE/2PE_001_Verse_003.mp3,"Elabena exɔ bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu, Fofo la gbɔ esi gbe aɖe ɖi tso eƒe Gãnyenye ƒe Ŋutikɔkɔe me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, esi ŋu mekpɔa ŋudzedze le.”" data/train/2PE/2PE_001_Verse_009.mp3,"Gawu la, ele be miase egɔme be nyagblɔɖi aɖeke mele mawunya me si va eme to Mawu ƒe gbeƒãɖela la ŋutɔ ƒe nyameɖeɖe me o." data/train/2PE/2PE_002_Verse_003.mp3,"Anyo na wo be womenya dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ o tsɔ wu be woanyae, eye woatrɔ megbe ade sedede kɔkɔe si wotsɔ de asi na wo." data/train/2PE/2PE_002_Verse_004.mp3,"(elabena esi ame dzɔdzɔe ma nɔ wo dome la, eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la kpea fu gbe sia gbe ne ekpɔ, eye wòse agbe si nɔm ameawo le semaɖemɔnatɔe la)." data/train/2PE/2PE_002_Verse_010.mp3,"Ke tedzi lãmaƒonu tsɔ ame ƒe gbe ƒo nu nɛ, ka mo nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ta, heɖo asi Mawu ƒe nyagblɔɖila la ƒe tsukunuwo wɔwɔ dzi." data/train/2PE/2PE_002_Verse_002.mp3,"Ame siawo la, lododo siawo nye nyateƒe le wo ŋuti be, “Avu trɔna gayia nu si wòdzɔ la gbɔ,” eye “Ha si wole tsi na la gayia eƒe babublu dzi.”" data/train/2PE/2PE_003_Verse_017.mp3,To tsi sia ke dzi wotsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣe ma ɣi le esi woxɔ beble dzi se ta. data/train/2PE/2PE_001_Verse_012.mp3,"Makpɔ egbɔ be meɖe afɔ ɖe sia ɖe si mate ŋui, be ne meva dzo la, miaɖo ŋku nu siawo dzi ɣe sia ɣi." data/train/2PE/2PE_003_Verse_003.mp3,"Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi miele mɔ kpɔm na esia la, miɖe afɔ ɖe sia ɖe si miate ŋui la, be woakpɔ mi ɖimaƒomaƒoe, mokakamanɔŋutɔe, eye mianɔ ŋutifafa me kplii." data/train/2PE/2PE_003_Verse_004.mp3,"Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi mienya esia xoxo la, minɔ ŋudzɔ be sedzimawɔlawo ƒe nu tovo wɔwɔ makplɔ mi adzoe, be miage le teƒe si mieli ke ɖo la o." data/train/2PE/2PE_001_Verse_010.mp3,"Ke ne nɔnɔme mawo mele ame aɖe me o la, enye ame si mekpɔa nu dea adzɔge o, eye eƒe ŋkuwo gbã, eye wòŋlɔ be be woklɔ ye ŋu tso yeƒe tsã nu vɔ̃wo me." data/train/2PE/2PE_001_Verse_007.mp3,"Eya ta nɔvinyewo, midze agbagba ɖe edzi wu tsã be miakpɔ kpeɖodzi na miaƒe yɔyɔ kple tiatia. Elabena ne miewɔ esiawo la, miada ƒu akpɔ o," data/train/2PE/2PE_002_Verse_022.mp3,Ŋutsu siawo le abe vudo siwo me tsi mele o kple afudodo si ahom lɔna ɖe nu la ene. Wodzra viviti tsiɖitsiɖi ɖo ɖi na wo. data/train/2PE/2PE_002_Verse_012.mp3,"Ne ele alea la, ekema Aƒetɔ la nya ale si wòaɖe mawuvɔ̃lawo tso dodokpɔwo me, eye wònya ale si wòalé mawumavɔ̃lawoe, anɔ to hem na wo va se ɖe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi." data/train/2PE/2PE_002_Verse_011.mp3,"ne ebu fɔ Sodom kple Gomora duawo hena dzo fia wo, wozu afi, eye wòtsɔ wo wɔ kpɔɖeŋu na nu si adzɔ ɖe mawumavɔ̃lawo dzi;" data/train/2PE/2PE_002_Verse_019.mp3,"Woaxɔ madzemadzenyenye ƒe fetu: Ame siwo bua gbe sia gbe ƒe aglotutu dzidzɔdonui, ɖiƒoƒo kple ŋukpe wonye. Wotsɔa nu siwo wokpɔ to woƒe amebeble me la ɖua nu tsui; evɔ la, wonɔa anyi ɖe kplɔ̃ ɖeka ŋu ɖua nu kpli mi." data/train/2PE/2PE_003_Verse_008.mp3,"Ke le eƒe ŋugbedodo la nu, míele mɔ kpɔm na dziƒo yeye kple anyigba yeye, afi si anye dzɔdzɔenyenyeteƒe la." data/train/2PE/2PE_003_Verse_007.mp3,"Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe gã aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo, eye anyigba kple edzinuwo katã abi keŋkeŋ." data/train/2PE/2PE_002_Verse_001.mp3,Ame geɖewo adze woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo yome eye woagblɔ busunya ɖe nyateƒe la ŋu. data/train/2PE/2PE_003_Verse_010.mp3,"Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye nenema ke ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene." data/train/2PE/2PE_002_Verse_006.mp3,"Elabena wotsɔa woƒe nu gblɔa nya dzodzro, siwo me dada le, wotsɔa ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo blea ame siwo si le ame vɔ̃ɖiwo nu fifi laa la nu." data/train/2PE/2PE_002_Verse_007.mp3,"Esia nye nyateƒe, vevietɔ na ame siwo dze ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome, eye wodoa vlo kplɔlawo. Dzideƒo kple ɖokuiŋudzedze le ame siawo me ale gbegbe be womevɔ̃a nya vlowo gbɔgblɔ ɖe dziƒodɔlawo ŋu o." data/train/2PE/2PE_002_Verse_014.mp3,"ne metsɔe ke blema xexemetɔwo o, ke boŋ wòna tsi ɖɔ hetsrɔ̃ mawumavɔ̃la mawo, negbe dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela, Noa kple ame adreawo ko wòɖe;" data/train/2PE/2PE_003_Verse_002.mp3,"Esi woatsrɔ̃ nu sia nu alea la, ame ka ƒomeviwo wòle be mianye? Ele be mianɔ agbe le kɔkɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me," data/train/2PE/2PE_002_Verse_015.mp3,"Nenye be wosi le gbegblẽ si le xexea me nu, to sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela Yesu Kristo me, evɔ wogbugbɔ gabla wo ɖe nu mawo ke me, heɖu wo dzi la, woƒe nuwuwu avɔ̃ɖi wu ale si wònɔ le gɔmedzedzea me." data/train/2PE/2PE_003_Verse_012.mp3,Medi be miaɖo ŋku nya siwo Mawu ƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔ na mi va yi kple se si míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela de na mi to miaƒe apostolowo dzi la dzi. data/train/2PE/2PE_003_Verse_001.mp3,"esi miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋkeke la, hele du dom eƒe vava. Ŋkeke sia ƒe vava ana woatsrɔ̃ dziƒowo kple dzo, eye emenuwo alolõ le dzoxɔxɔ la me." data/train/2PE/2PE_001_Verse_006.mp3,"Elabena nyagblɔɖi ƒe dzɔtsoƒe metso amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ ame xɔa gbe tso Mawu gbɔ abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene." data/train/2PE/2PE_003_Verse_011.mp3,"Ke woɖoe koŋ heŋlɔ be be gbe aɖe gbe ʋĩi ke wotsɔ Mawu ƒe nya wɔ dziƒo, eye wowɔ anyigba tso tsi me kple tsi." data/train/2PE/2PE_002_Verse_016.mp3,"Nufiala siawo, le woƒe ŋukeklẽ me, atsɔ nya kpakpawo aɖe vi le mia ŋuti. Woƒe fɔbubu le ta dzi na wo tso blema ke, eye woƒe gbegblẽ medɔ alɔ̃ o." data/train/2PE/2PE_001_Verse_014.mp3,"Menye gli siwo wokpa kple nunya la yome míedze esi míeƒo nu na mi tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava ŋuti o, ke boŋ míenye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si míekpɔ kple ŋku la ƒe ɖasefowo." data/train/2PE/2PE_003_Verse_016.mp3,"To Mawu ƒe nya sia ke dzi wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo na dzo, eye woɖoe da ɖi na ʋɔnudrɔ̃gbe la kple mawumavɔ̃lawo ƒe tsɔtsrɔ̃." data/train/2PE/2PE_002_Verse_000.mp3,"Ahasiwɔwɔ xɔ ŋku dzi na wo, eye womedzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ gbeɖe o, wodɔna kple ame malikewo. Wobi ɖe ŋukeklẽ me, eye wonye dzidzime si dzi fiƒode le!" data/train/2PE/2PE_002_Verse_005.mp3,"Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na mawudɔlawo esi wowɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ eɖo wo ɖe dzomavɔ me, hede ga wo ɖe ʋe globo doviviti me, be woanɔ afi ma va se ɖe ʋɔnudrɔ̃gbe;" data/train/2PE/2PE_002_Verse_018.mp3,"Togbɔ be mawudɔlawo de ŋgɔ, hesesẽ wu wo gɔ̃ hã la, wometsɔa ameŋugblẽnya bua fɔ nu gbagbe siawo le Aƒetɔ la ƒe ŋkume o." data/train/2PE/2PE_003_Verse_000.mp3,"Aƒetɔ la mele wɔwɔm blewublewu le eƒe ŋugbedodo la me abe ale si ame aɖewo se blewu gɔmee ene o. Egbɔ dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzi me." data/train/2PE/2PE_001_Verse_011.mp3,"Le susu sia ta miɖe afɔ ɖe sia ɖe be miatsɔ nyuiwɔwɔ akpe ɖe miaƒe xɔse ŋu, sidzedze nakpe ɖe dɔmenyonyo ŋu," data/train/JUD/JUD_001_Verse_014.mp3,Mikpɔ nublanui na ame siwo le ɖi kem le wo ɖokuiwo me. data/train/JUD/JUD_001_Verse_022.mp3,"Togbɔ be mienya esiawo katã xoxo hã la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be Aƒetɔ la ɖe eƒe dukɔ tso Egiptenyigba dzi, gake emegbe la, etsrɔ̃ ame siwo mexɔ edzi se o." data/train/JUD/JUD_001_Verse_008.mp3,"Ke mawudɔla siwo melé woƒe bubuteƒe me ɖe asi o, ke boŋ wogblẽ woawo ŋutɔ ƒe aƒe ɖi la, esiawoe wòde gae ɖe viviti me, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ mavɔ de wo hena ʋɔnudɔdrɔ̃ le Ŋkekegã la dzi." data/train/JUD/JUD_001_Verse_024.mp3,"Wole abe ƒutsotsoe siwo dze agbo hele woawo ŋutɔ ƒe ŋukpefutukpɔwo ɖem ɖe go la ene. Wole abe ɣletivi siwo le tsatsam, esiwo woɖo viviti tsiɖitsiɖi da ɖi na tegbetegbe la ene." data/train/JUD/JUD_001_Verse_017.mp3,"ne wòadrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame, ne wòabu fɔ mawumavɔ̃lawo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi hekpe ɖe nya vlo siwo katã nu vɔ̃ wɔla siawo gblɔ ɖe eya amea ŋuti la ta.”" data/train/JUD/JUD_001_Verse_012.mp3,"Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã, esi wònɔ nya hem kple Abosam tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, “Aƒetɔ la aka mo na wò!”" data/train/JUD/JUD_001_Verse_019.mp3,Nenema ke Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo nɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzomavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu. data/train/JUD/JUD_001_Verse_015.mp3,Mitsɔ mia ɖokuiwo de Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me esi miele míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam be wòakplɔ mi ayi agbe mavɔ la mee. data/train/JUD/JUD_001_Verse_001.mp3,"Ame siawo nye ɖiƒonuwo le hamea ƒe lɔlɔ̃nuɖuƒewo. Woɖua nu kpli mi ŋumakpetɔe, wonye alẽkplɔla siwo nyia woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko. Wole abe lilikpo siwo medzaa tsi o, eye ya lɔa wo ɖe enu ene. Wole abe kelemeti siwo metse ku o, eye woho wo da ɖi eye woku zi eve la ene." data/train/JUD/JUD_001_Verse_005.mp3,"Babaa na wo! Woto Kain ƒe mɔ; woti viɖe yome hege ɖe Balaam ƒe vodada me, eye wotsrɔ̃ wo le Kora ƒe aglãdzedze la me." data/train/JUD/JUD_001_Verse_007.mp3,"Gake ame siawo ya ƒoa nu kple dzugbe ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋuti, eye nu sia nu si gɔme wose to seselelãme me abe lã siwo mebua ta me o ene la, nu siawo kee nye nu siwo gblẽa wo dome." data/train/JUD/JUD_001_Verse_006.mp3,"Enɔk, ame si nye dzidzime adrelia tso Adam dzi la gblɔ nya ɖi ɖe ame siawo ŋu be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la gbɔna kple eƒe dɔla kɔkɔe akpeakpewo," data/train/JUD/JUD_001_Verse_023.mp3,"Wogblɔ na mi be, “Le ɣeyiɣi mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, ame siwo adze woawo ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo yome.”" data/train/JUD/JUD_001_Verse_020.mp3,"Nye, Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔviŋutsu gbɔe agbalẽ sia tso, Na ame siwo woyɔ, ame siwo Mawu Fofo la lɔ̃, eye wòlé wo ɖe te le Yesu Kristo me:" data/train/JUD/JUD_001_Verse_009.mp3,"Ke miawo ya la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mitu mia ɖokuiwo ɖo le miaƒe xɔse kɔkɔetɔ kekeake me, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me." data/train/JUD/JUD_001_Verse_018.mp3,"Nenema ke drɔ̃ekula siawo ƒo ɖi woawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo, tsi tsitre ɖe dziɖulawo ŋu, eye woƒoa nu vɔ̃ le dziƒodɔlawo ŋu." data/train/JUD/JUD_001_Verse_002.mp3,"Ame siawoe nye ame siwo dea mama mia dome, ame siwo dzea ŋutilã ƒe nukpɔkpɔwo yome, eye Gbɔgbɔ la mele wo me o." data/train/DEU/DEU_029_Verse_019.mp3,"Mose yɔ Israelviwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: Miawo ŋutɔ miekpɔ nu siwo katã Yehowa wɔ Farao, eŋumewo kple anyigba blibo la le Egipte." data/train/DEU/DEU_006_Verse_001.mp3,"Ebia tso mía si be míawɔ se siawo katã dzi, eye míade bubu ye ŋu ale be yeate ŋu alé agbe ɖe te na mí abe ale si wòwɔ va se ɖe fifia ene," data/train/DEU/DEU_023_Verse_001.mp3,"“Amonitɔ alo Moabtɔ aɖeke, le dzidzime ewolia megbe gɔ̃ hã mekpɔ mɔ age ɖe kɔkɔeƒe la o." data/train/DEU/DEU_011_Verse_005.mp3,"Anyigba si dzi miage ɖo, eye miaxɔ la, mele abe Egiptenyigba, afi si mietso, afi si wòhiã le be miadze tɔʋu suewo ɖe miaƒe agblewo me, ana tsi nato wo me hena miaƒe agblemenukuwo ƒe wɔwɔ ene o." data/train/DEU/DEU_006_Verse_016.mp3,Mele be nàte Yehowa wò Mawu la kpɔ abe ale si nètee kpɔ le Masa ene o. data/train/DEU/DEU_011_Verse_003.mp3,"Ana lãnyiƒe damawo mi hena miaƒe lãwo, eye miawo ŋutɔ miakpɔ nu aɖu, aɖi ƒo nyuie." data/train/DEU/DEU_022_Verse_010.mp3,"Ke ne nya si ŋutsu la tsɔ ɖe eŋu nye nyateƒe be nyɔnu la de ŋutsu aɖe gbɔ kpɔ do ŋgɔ na eƒe srɔ̃ɖeɖe la," data/train/DEU/DEU_029_Verse_021.mp3,"Nu si ta Yehowa mena mietɔ ɖe teƒe ɖeka be miaƒã bli na abolowɔwɔ alo miado waintiwo hena wain kple aha sesẽ o lae nye be miadze sii be Yehowa, miaƒe Mawu lae le mia dzi kpɔm." data/train/DEU/DEU_001_Verse_014.mp3,"Ke nya siwo megblɔ la mewɔ dɔ aɖeke ɖe mia dzi o. Miegbe eye miexɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se o," data/train/DEU/DEU_005_Verse_014.mp3,“Mègasubɔ mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋunye o. data/train/DEU/DEU_025_Verse_017.mp3,"Woabu vi gbãtɔ si ahosi la adzi la abe ame si ku la ƒe vi ene, ale be ame si ku la ƒe ŋkɔ mabu le Israel o." data/train/DEU/DEU_010_Verse_005.mp3,"Egblɔ nam be yeagbugbɔ se siwo tututu yeŋlɔ ɖe kpe siwo megbã dzi la aŋlɔ ɖe kpe yeyeawo dzi, eye matsɔ wo ade Aɖaka la me." data/train/DEU/DEU_033_Verse_024.mp3,Wotsɔ anyigba ƒe nyuiƒewo na wo ɖokuiwo; wotsɔ kplɔla ƒe ɖuƒewo na wo. Wowɔ Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖowo dzi.” data/train/DEU/DEU_001_Verse_001.mp3,"“Ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã matso dzidzime vɔ̃ɖi ma me, anɔ agbe akpɔ anyigba si ŋugbe yedo na wo fofowo o," data/train/DEU/DEU_014_Verse_019.mp3,"Mitsɔe na Levitɔwo, ame siwo si domenyinu aɖeke mele le mia dome o alo miatsɔ wo ana amedzro, ahosi alo tsyɔ̃evi siwo le miaƒe du me ale be woaɖu nu aɖi ƒo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la ayra mi kple miaƒe dɔwɔwɔwo.”" data/train/DEU/DEU_014_Verse_027.mp3,"Yehowa, miaƒe Mawu la ɖeɖe ko tɔe mienye. Eyae tia mi be mianye ye tɔ wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me." data/train/DEU/DEU_030_Verse_020.mp3,"Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe eƒe fiƒodewo katã ɖa le mia dzi, eye wòatrɔ wo akɔ ɖe ame siwo léa fu mi, eye wotia mia yome la dzi." data/train/DEU/DEU_005_Verse_030.mp3,"“Yi, nàgblɔ na wo be, woatrɔ ayi woƒe agbadɔwo me." data/train/DEU/DEU_010_Verse_016.mp3,"“Le esia megbe la, Israelviwo zɔ mɔ tso Bene Yaakan yi Mosera afi si Aron ku, eye woɖii ɖo. Aron ƒe viŋutsu Eleaza zu nunɔla ɖe eteƒe." data/train/DEU/DEU_006_Verse_014.mp3,"kple nukunu gãwo wɔwɔ kple fufiafia Egipte, Farao kple eƒe amewo katã me. Míekpɔ nu siawo katã kple míaƒe ŋkuwo." data/train/DEU/DEU_032_Verse_019.mp3,"Israel sa vɔ na trɔ̃wo, siwo menye Mawu o mawu siwo womesubɔ kpɔ o, mawu siwo meli tsã o mawu siwo medzi ŋɔ na mia fofowo o." data/train/DEU/DEU_005_Verse_008.mp3,Ke míeka ɖe edzi be míaku ne Yehowa míaƒe Mawu gaƒo nu na mí azɔ. Dzo bibi dziŋɔ sia atsrɔ̃ mí. data/train/DEU/DEU_002_Verse_020.mp3,"Míexɔ teƒe ɖe sia ɖe tso Aroer yi Gilead, tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi kple du siwo katã le bali la me. Woƒe du aɖeke mesẽ wu mí o elabena Yehowa, mía Mawu la tsɔ wo katã de asi na mí." data/train/DEU/DEU_013_Verse_009.mp3,migaɖo to eƒe nya o. Yehowa miaƒe Mawu le mia dome be yeanya ne mielɔ̃ ye le nyateƒe me kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo loo alo mielɔ̃e o. data/train/DEU/DEU_001_Verse_033.mp3,"negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu ko, elabena Kaleb ya dze Yehowa yome, eya ta axɔ anyigba si dzi wòzɔ la ƒe akpa aɖe abe eƒe domenyinu ene.”" data/train/DEU/DEU_009_Verse_015.mp3,"Metsɔ miaƒe nu vɔ̃ si nye nyivi si miewɔ la, medee dzo me, tui memie wòzu ʋuʋudedi, eye metsɔ ʋuʋudedi la kɔ ɖe tɔʋu si dzɔ tso toa dzi la me." data/train/DEU/DEU_028_Verse_035.mp3,"Ne èle du me la, aɖi ŋuwò eye ne èle agble hã, aɖi ŋuwò." data/train/DEU/DEU_032_Verse_003.mp3,"be manyre nye yi dadzo la, Makpɔ be dzɔdzɔenyenye xɔ aƒe. Mabia hlɔ̃ nye futɔwo ahe to na ame siwo lé fum." data/train/DEU/DEU_028_Verse_015.mp3,"Didiƒe dukɔ aɖe si ƒe ŋkɔ mèse kpɔ gɔ̃ hã o la aɖu wò agblemenuku siwo nèƒã kple kutrikuku geɖe. Woate wò ɖe anyi, eye woafiti wò ɣe sia ɣi." data/train/DEU/DEU_029_Verse_007.mp3,"eya ta milé nubabla sia me nyawo me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi be, nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi." data/train/DEU/DEU_015_Verse_009.mp3,"Ke ne mede blibo o, afɔ ŋe nɛ, eƒe ŋku gbã alo nu gblẽ le eƒe teƒe bubu aɖe ŋu la, mèkpɔ mɔ atsɔe asa vɔe na Yehowa wò Mawu o," data/train/DEU/DEU_004_Verse_018.mp3,Ke edo dɔmedzoe ɖe ŋunye ɖe miawo ta. Eka atam be nyematso Yɔdan tɔsisi la age ɖe anyigba nyui si Yehowa miaƒe Mawu tsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene la dzi o. data/train/DEU/DEU_015_Verse_002.mp3,"ekema nàtsɔ nuŋɔnu aŋɔ to nɛ amimi ɖe ʋɔtru ŋu, ekema le esia megbe la, kluvi la atsi gbɔwò ɖikaa. Wɔ nenema ke na wò kosiwo hã." data/train/DEU/DEU_004_Verse_007.mp3,"Ele be maku le afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa sia dzi." data/train/DEU/DEU_012_Verse_007.mp3,"“Ele be miagbã trɔ̃wo ƒe vɔsamlekpuiwo le afi sia afi si miakpɔ wo le, le towo dzi loo, le togbɛwo tame loo, alo le ati damawo te." data/train/DEU/DEU_022_Verse_009.mp3,hele ŋukpenanyawo gblɔm ɖe eŋuti be enya ŋutsu hafi yeɖee. Ke nyateƒe la ƒe ɖeɖefiae nye esi.” Ekema wòakeke nyɔnu la ƒe avɔ me afia ʋɔnudrɔ̃lawo. data/train/DEU/DEU_031_Verse_012.mp3,"eɖe gbe na Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la be," data/train/DEU/DEU_012_Verse_006.mp3,elabena se siawo mebla mi haɖe o va se ɖe esime miaɖo dzudzɔƒe si Yehowa miaƒe Mawu ana mi. data/train/DEU/DEU_032_Verse_020.mp3,Ke dukɔ bubuawo ƒe agakpe mele abe míaƒe Agakpe la ene o; gbedodoɖa na woƒe mawuwo nye nu dzodzro ko! data/train/DEU/DEU_028_Verse_024.mp3,"Esi mèsubɔ Yehowa wò Mawu kple dzidzɔ le nu nyui siwo katã wòwɔ na wò o la ta," data/train/DEU/DEU_011_Verse_027.mp3,"“Ne miewɔ ɖe se siwo katã mede na mi dzi pɛpɛpɛ, ne mielɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, ne miezɔ ɖe eƒe ɖoɖowo katã dzi, eye mielé ɖe eŋu la," data/train/DEU/DEU_028_Verse_016.mp3,"Dukɔ ma aɖe to ɖe wò duwo, eye wòamu wò gli kɔkɔ siwo ŋu nèɖoa ŋu ɖo be woaxɔ na ye la aƒu anyi." data/train/DEU/DEU_034_Verse_005.mp3,"Ke tso ɣe ma ɣi la, nyagblɔɖila aɖeke meganɔ anyi kpɔ le Israel abe Mose ene o, elabena Yehowa ƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume," data/train/DEU/DEU_024_Verse_015.mp3,"Se sia kee le wò wain tsetsewo gbegbe hã ŋu. Ne ègbe wò wain tsetsewo la, mègatsa le alɔawo dzi zi evelia o, ke boŋ gblẽ kutsetse siwo tsi atia dzi la ɖi na hiãtɔwo." data/train/DEU/DEU_011_Verse_021.mp3,"Miŋlɔ wo ɖe miaƒe ʋɔtrutiwo ŋu le miaƒe aƒewo me kple miaƒe agbowo ŋu," data/train/DEU/DEU_032_Verse_033.mp3,"Mose kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu la, gblɔ ha sia me nyawo ale be Israelviwo nate ŋu ase wo." data/train/DEU/DEU_008_Verse_015.mp3,"Ne mieɖu nu ɖi ƒo la, mikafu Yehowa, mia Mawu la le anyigba nyui si wòna mi la ta." data/train/DEU/DEU_010_Verse_021.mp3,"“Yehowa, miaƒe Mawu lae nye mawuwo dzi Mawu gã, ŋusẽtɔ la, Mawu si ŋu ŋɔdzi le, ame si medea ame aɖeke dzi o, eye mexɔa zãnu hã o." data/train/DEU/DEU_003_Verse_024.mp3,"Ruben kple Gad ƒe towo xɔ anyigba tso Yabok tɔsisi la ŋu le Gilead, afi si Amonitɔwo ƒe anyigba dze egɔme tso va se ɖe Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina." data/train/DEU/DEU_001_Verse_038.mp3,"Wogblɔ be, “Gbã la, mina míaɖo ŋkutsalawo ɖa ne woanya mɔ nyuitɔ si dzi míato age ɖe anyigba la dzi kple du gbãtɔ si míaxɔ.”" data/train/DEU/DEU_001_Verse_018.mp3,"Le ɣleti wuiɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe le Israelviwo ƒe mɔzɔzɔ ƒe blaenelia me la, Mose ƒo nu na Israelviwo tso se siwo katã Yehowa miaƒe Mawu de nɛ la ŋu." data/train/DEU/DEU_004_Verse_034.mp3,"“Miɖo ŋku ŋkeke si dzi mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le Horeb to la gbɔ, esi wògblɔ nam be, ‘Ƒo ameha la nu ƒu ɖe nye ŋkume be, woase nye nyawo ale be woasrɔ̃ ale si woade bubu ŋunye zi ale si wole agbe le anyigba la dzi, eye woawo hã woafia wo viwo.’" data/train/DEU/DEU_031_Verse_020.mp3,"“Mitsɔ segbalẽ sia da ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la xa, ne wòanye ŋkuɖodzinu na mi" data/train/DEU/DEU_002_Verse_011.mp3,"Ke Hesbon fia Sixɔn melɔ̃ be mía egbɔ ayi o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la na wòsẽ dzi me, ale be wòate ŋu aɖe asi le Sixɔn ŋu na mi abe ale si wòwɔe fifia ene." data/train/DEU/DEU_004_Verse_001.mp3,"ale be ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, wòate ŋu asi ayi du siawo me, eye wòanɔ dedie." data/train/DEU/DEU_021_Verse_023.mp3,"O! Yehowa, tsɔ nu vɔ̃ ke wò dukɔ Israel, si wò ŋutɔ nèɖe, eye mègada ame maɖifɔ sia wuwu ɖe dukɔ la dzi o. Tsɔ ame sia ƒe ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ ke mí.’" data/train/DEU/DEU_030_Verse_016.mp3,"Togbɔ be mianɔ anyigba ƒe mlɔenu ke hã la, ayi aɖadi mi, eye wòagakplɔ mi va" data/train/DEU/DEU_032_Verse_040.mp3,"Wona meʋã ŋu woƒe legbawo ŋutɔ, legba siwo menye mawuwo kura o. Nye hã mana woaʋã ŋu dukɔ si menye dukɔ o la. Mana miado dɔmedzoe ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu." data/train/DEU/DEU_030_Verse_012.mp3,"mia tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi. Anyigba la agazu mia tɔ. Yehowa miaƒe Mawu agawɔ nyui na mi, eye wòagayra mi wu ale si wòyra mia tɔgbuiwo kpɔ gɔ̃ hã." data/train/DEU/DEU_009_Verse_003.mp3,"Esia ta metsɔ kpe eveawo do ɖe dzi, eye mexlã wo ɖe anyi sesĩe! Megbã wo le mia ŋkume!" data/train/DEU/DEU_029_Verse_017.mp3,"míexɔ woƒe anyigba, eye míetsɔe na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã abe woƒe domenyinu ene," data/train/DEU/DEU_034_Verse_000.mp3,"Ale Mose, Yehowa ƒe dɔla la ku le Moabnyigba dzi abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene." data/train/DEU/DEU_005_Verse_029.mp3,Yehowa mía Mawu la bla nu kpli mi le Horeb to la gbɔ. data/train/DEU/DEU_033_Verse_018.mp3,"O! Yehowa, yra Levitɔwo kpɔ ŋudzedze le woƒe dɔ siwo wowɔna na wò la ŋu. Fiti woƒe futɔwo gbidigbidi na womagafɔ gbeɖe o.”" data/train/DEU/DEU_032_Verse_037.mp3,O! Nunyalawo woanye hafi anye ne woase nu gɔme; anye ne woanya nu tso nu si me woɖo tae la ŋu! data/train/DEU/DEU_006_Verse_006.mp3,"Ele be nàkui ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me alo ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple fɔfɔɣi abe nu gbãtɔ ene le ŋdi me." data/train/DEU/DEU_016_Verse_000.mp3,"àgaɖu ŋkekenyui bubu le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Ŋkekenyui sia ŋkɔe nye Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui. Le ŋkekenyui sia dzi la, ele be nàwɔ lɔlɔ̃nuvɔsa si asɔ kple yayra si Yehowa, wò Mawu la kɔ ɖe dziwò le agblemenuku siwo nèxa la ƒe agbɔsɔsɔ nu." data/train/DEU/DEU_031_Verse_009.mp3,"esime Israelviwo katã ado ɖe Yehowa, Mawu ŋkume le teƒe si eya ŋutɔ atia la, ele be nàxlẽ se siawo na Israelviwo katã woase.”" data/train/DEU/DEU_023_Verse_013.mp3,Na wòatsi mia dome le du si me wòadi be yeanɔ eye mègatee ɖe anyi o. data/train/DEU/DEU_012_Verse_029.mp3,"Ne Yehowa tsrɔ̃ dukɔ mawo vɔ la, mikpɔ nyuie be miewɔ ɖe woƒe mawusubɔsubɔ ƒe kɔnyinyiwo dzi o, elabena wo dzi wɔwɔ ahe ku vɛ na mi. Migadze agbagba be yewoanya ale si wosubɔa woƒe mawuwo, ale be yewo hã yewoasubɔ le mɔ ma dzi o." data/train/DEU/DEU_033_Verse_016.mp3,"Mose gblɔ tso Zebulon ŋu be, “O! Zebulon, tso aseye le wò gododo ŋuti, eye Isaka, kpɔ dzidzɔ wò ame si lɔ̃a agbadɔmenɔnɔ." data/train/DEU/DEU_009_Verse_019.mp3,"Migaŋlɔ be o, ke boŋ miɖo ŋku ale si miedo dɔmedzoe na Yehowa, miaƒe Mawu la enuenu le gbedzi, tso gbe si gbe miedzo le Egipte va se ɖe fifia dzi. Miedze aglã ɖe eŋu le ɣeyiɣi siawo katã me." data/train/DEU/DEU_033_Verse_027.mp3,"“Yehowa va mía gbɔ le Sinai to la gbɔ; eɖiɖi ɖe mía dzi tso Seir to la dzi. Eklẽ tso Paran to la dzi ame kɔkɔe akpe nanewo ƒo xlãe, dzo bibi nɔ eƒe nuɖusime." data/train/DEU/DEU_028_Verse_022.mp3,ekema Yehowa ahe dɔvɔ̃ si nu matso o la va wò kple viwòwo dzi. data/train/DEU/DEU_004_Verse_017.mp3,Israelviwo xɔ anyigba la katã tso Aroer si le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi va se ɖe Sirion to (si wogayɔna be Hermon to) la gbɔ data/train/DEU/DEU_028_Verse_066.mp3,"“Ŋutsu bubu sãa aɖe nyɔnu si ta nèbia, ame bubu sãa anɔ aƒe si nètso la me, eye ame bubu sãa aɖu waingble si nède la me kutsetsewo." data/train/DEU/DEU_003_Verse_004.mp3,"ke boŋ yi Pisga to la tame, afi si nàte ŋu ɣetoɖoƒe kple anyiehe, dziehe kple ɣedzeƒe gome ɖa; àkpɔ anyigba la le didiƒe tso afi ma. Ke màtso Yɔdan tɔsisi la o." data/train/DEU/DEU_022_Verse_021.mp3,"Ne ŋutsu aɖe de asi ɖetugbi si ta womebia o ŋu sesẽtɔe, eye wolé wo la," data/train/DEU/DEU_015_Verse_003.mp3,Ele be miado nu sia nu si woahiã la na wo. data/train/DEU/DEU_022_Verse_012.mp3,"“Mègado awu si wolɔ̃ kple ka ƒomevi eve, abe lãfuka kple ɖetika ene o." data/train/DEU/DEU_028_Verse_067.mp3,"Ŋɔdzinu siawo ava wò kple wò dzidzimeviwo dzi, eye woanye nusɔsrɔ̃ na wò." data/train/DEU/DEU_017_Verse_009.mp3,"Mele be fia la naɖe srɔ̃ geɖe o; ne menye nenema o la, eƒe dzi atrɔ ɖa tso Yehowa gbɔ. Mele be wòakpɔ hotsui guduu hã o." data/train/DEU/DEU_009_Verse_022.mp3,"“Ne Yehowa miaƒe Mawu wɔ esia na wò la, mègagblɔ na ɖokuiwò be, ‘Yehowae ve nunye, elabena menye ame dzɔdzɔe o.’ Mele nenema o. Dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae Yehowa le esia wɔ ge ɖo." data/train/DEU/DEU_022_Verse_008.mp3,"eye woana wòaxe klosalo alafa ɖeka na ɖetugbi la fofo, elabena eka aʋatso ɖe Israel ɖetugbi dzadzɛ aɖe si. Nyɔnu la aganye ŋutsu la srɔ̃, eye ŋutsua mekpɔ mɔ agbee o." data/train/DEU/DEU_012_Verse_013.mp3,"Miawo kple mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo kple miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo miatso aseye le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu ŋkume. Miɖo ŋku edzi miakpe Levitɔwo be woaɖu nu kpli mi, elabena anyigba aɖeke mele woawo ya si o." data/train/DEU/DEU_031_Verse_001.mp3,"Azɔ la, miyɔ miaƒe ametsitsiwo kple miaƒe towo ƒe kplɔlawo katã ƒo ƒu, ale be mate ŋu aƒo nu na wo, eye mayɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe wo ŋu." data/train/DEU/DEU_030_Verse_007.mp3,"“Kpɔ ɖa, metsɔ agbe kple dzɔgbenyui, ku kple dzɔgbevɔ̃e da ɖe mia ŋkume egbea. Nu siawo ku ɖe miaƒe seawo dzi wɔwɔ kple wo dzi mawɔmawɔ ŋu." data/train/DEU/DEU_026_Verse_017.mp3,"Tsɔe de kusi me yi na nunɔla si le dɔ wɔm ɣe ma ɣi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Nunana siae nye nye emeʋuʋu ƒe dzesi be, Yehowa, nye Mawu kplɔm va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na tɔgbuinyewo la dzi.’" data/train/DEU/DEU_005_Verse_025.mp3,"Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me," data/train/DEU/DEU_004_Verse_015.mp3,"Eɖe gbeƒã eƒe nubabla, eƒe Se Ewoawo, siwo wòde na mi be mialé wo me ɖe asi, eye woŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi na mi." data/train/DEU/DEU_019_Verse_013.mp3,"“Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi la, ɖo ŋku edzi be, mèkpɔ mɔ aho ame aɖeke ƒe liƒotiwo agbugbɔ wo atu ale be nàfi eƒe anyigba gbeɖegbeɖe o.”" data/train/DEU/DEU_019_Verse_001.mp3,“Ekema ame siwo asee la avɔ̃ na aʋatsoɖaseɖiɖi. data/train/DEU/DEU_020_Verse_001.mp3,"“Ekema aʋakplɔlawo aƒo nu na aʋawɔlawo ale: ‘Mia dometɔ aɖe tso aƒe yeye, eye mekɔ eŋuti haɖe oa? Ne ele eme nenema la, ekema amea natrɔ ayi aƒe! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa akɔ wò aƒe la ŋu!" data/train/DEU/DEU_008_Verse_017.mp3,"Nuɖuɖu bɔ ɖe anyigba sia dzi. Naneke mehiãa ame le afi ma o. Gayibɔ bɔ ɖe afi ma abe kpe ene, eye akɔbli sɔ gbɔ ɖe towo me." data/train/DEU/DEU_012_Verse_017.mp3,"“Migaɖu miaƒe bli, ano wain yeye, alo ami ƒe ewolia o, miaƒe alẽha alo nyiha ƒe ŋgɔgbeviwo kple nu sia nu si mieɖe adzɔgbe be miana, lɔlɔ̃nununana loo alo nunana tɔxɛwo le mia ŋutɔwo ƒe du me o." data/train/DEU/DEU_015_Verse_007.mp3,"ke boŋ ɖui kple wò ƒometɔwo le aƒe me. Ame sia ame ate ŋu aɖu lã sia faa ne amea ŋu mekɔ le ɣe ma ɣi me o hã, abe ale si ame sia ame ate ŋu aɖu sẽ kple zi ene," data/train/DEU/DEU_020_Verse_015.mp3,"Ne wolɔ̃ ɖe edzi, eye woʋu woƒe agbowo na wò la, ekema dua me tɔwo azu wò subɔlawo." data/train/DEU/DEU_005_Verse_031.mp3,"Yi nàɖo to nya siwo katã Yehowa, míaƒe Mawu la le gbɔgblɔm, eye nàva gblɔe na mí, ekema míaɖo to, eye miawɔ ɖe wo dzi.”" data/train/DEU/DEU_006_Verse_012.mp3,"Hekpe ɖe esia ŋu la, ànya ame siwo le anyigba la dzi ɖa abe ale si Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe ŋuwò nàwɔ ene." data/train/DEU/DEU_028_Verse_051.mp3,"Yehowa ahe Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo nèvɔ̃na ŋutɔ la ava dziwò, eye woaxɔ anyigba la dzi." data/train/DEU/DEU_016_Verse_022.mp3,"Ɖu ŋkekenyui sia le kɔkɔeƒe, afi si dzi Yehowa wò Mawu atɔ asii. Enye ɣeyiɣi vevi aɖe si dzi wòle be nàda akpe tɔxɛ na Yehowa, ɖe ale si wòyra wò le nuku siwo nèxa kple ale si wòyra wò le mɔ bubu geɖewo nu la ta. Ele be wòanye aseyetsoŋkekenyui gã aɖe." data/train/DEU/DEU_015_Verse_022.mp3,"Nudonamela ɖe sia ɖe aŋlɔ ɖe agbalẽ si Israelvi si nye nudola la na la dzi be, ‘Eɖo nu sia nu teƒe pɛpɛpɛ,’ elabena Yehowa tsɔ nu sia nu ke ame sia ame." data/train/DEU/DEU_023_Verse_015.mp3,"“Ne èyi ame bubu aɖe ƒe waingble me la, àte ŋu aɖu eƒe waintsetse aɖi ƒo, gake mèkpɔ mɔ atsɔ ɖeke ade naneke me adzoe o." data/train/DEU/DEU_014_Verse_012.mp3,"“Le ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe me la, ele be miawɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia katã ŋu dɔ hena dɔwɔwɔ le miaƒe nutowo me." data/train/DEU/DEU_007_Verse_002.mp3,"Ele be nàtsrɔ̃ dukɔ siwo katã Yehowa, wò Mawu la tsɔ de asi na wò. Mègakpɔ nublanui na wo o, eye mègasubɔ woƒe mawuwo o. Ne ègbe toɖoɖo, eye nèwɔ nu siawo la, dzɔgbevɔ̃e ava dziwò." data/train/DEU/DEU_023_Verse_010.mp3,"“Mègaxɔ deme ɖe nu si nèdo na nɔviwò, Israelvi la ta o, eɖanye ga, nuɖuɖu alo nu bubu ɖe sia ɖe o." data/train/DEU/DEU_027_Verse_007.mp3,"“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ado vlo fofoa alo dadaa la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!”" data/train/DEU/DEU_027_Verse_002.mp3,eya ta ele be nàdze se siwo katã mede na wò la dzi wɔwɔ gɔme egbea.” data/train/DEU/DEU_025_Verse_013.mp3,"Ne ʋɔnudrɔ̃la la kpɔ be ele be woaƒo agɔdzela la, ekema ana agɔdzela la namlɔ anyi, eye woaƒoe le eŋkume ati xexlẽme ale si dze na agɔdzedze la." data/train/DEU/DEU_016_Verse_021.mp3,Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo ɖe du siwo katã Yehowa miaƒe Mawu le mia nam la me. Woadrɔ̃ ʋɔnu le dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe me. data/train/DEU/DEU_028_Verse_026.mp3,"“Fiƒode siawo katã aɖi ŋuwò, eye woanɔ yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ keŋkeŋ le esi nègbe be yemaɖo to Yehowa, wò Mawu o la ta." data/train/DEU/DEU_027_Verse_023.mp3,"Tu vɔsamlekpui la kple kpe siwo womekpa o, eye nàsa numevɔ na Yehowa, wò Mawu la ɖe vɔsamlekpui la dzi." data/train/DEU/DEU_005_Verse_027.mp3,"Yehowa de se siawo na mia dometɔ ɖe sia ɖe tso dzo bibi la titina esime lilikpo la kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã Sinai to la, se mawo ko wòde na mi ɣe ma ɣi, eye megatsɔ bubu aɖeke kpee o. Eŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi hetsɔ nam." data/train/DEU/DEU_010_Verse_010.mp3,"Eya ta womena anyigba Levitɔwo le Ŋugbedodonyigba la dzi abe ale si wona wo nɔvi to bubu me tɔwo ene o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu gblɔ na wo be ye ŋutɔe nye woƒe domenyinu." data/train/DEU/DEU_025_Verse_000.mp3,"Ame siwo katã baa wo nɔviwo to nudanu kple dzidzeka mademadewo ŋu dɔ wɔwɔ me la nye ŋunyɔnu le Yehowa, wò Mawu ŋkume." data/train/DEU/DEU_016_Verse_010.mp3,"Mègatrɔ ʋɔnunya aɖeke be wòade hotsuitɔ aɖeke dzi o, eye mègaxɔ zãnu hã gbeɖegbeɖe o, elabena zãnu gbãa ŋku na nunyalawo kekeake gɔ̃ hã, eye wògblẽa woƒe afiatsotso." data/train/DEU/DEU_013_Verse_004.mp3,"“Ele be woawu nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula si dina be yeakplɔ mi atrae, elabena edina be yeana miadze aglã ɖe Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la ŋu. Ne miewui la, miaɖe nu vɔ̃ ɖa le mia dome." data/train/DEU/DEU_001_Verse_030.mp3,"Mose de asi se siawo gbɔgblɔ me na Israelviwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi, le Moabnyigba dzi. Egblɔ na wo be:" data/train/DEU/DEU_018_Verse_017.mp3,"Nenye be nya si wògblɔ ɖi la meva eme o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la nɛ o, eya ŋutɔe kpae. Migaɖo to eƒe nya aɖeke o." data/train/DEU/DEU_031_Verse_008.mp3,"Esi Mose wu se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me ŋɔŋlɔ nu la," data/train/DEU/DEU_004_Verse_024.mp3,"“Kpɔ ɖa, mefia se kple ɖoɖo siwo Yehowa, nye Mawu de nam la mi ale be mialé wo me ɖe asi le anyigba si dzi mieyina be yewoaxɔ la dzi." data/train/DEU/DEU_002_Verse_030.mp3,"“Tso Kedemot gbegbe la, meɖo ame dɔdɔwo ɖe Fia Sixɔn le Hesbon be míawɔ ŋutifafa kple eƒe amewo." data/train/DEU/DEU_002_Verse_006.mp3,"‘Egbe la, Israelviwo ato Moab nyigba ƒe liƒo dzi le Ar," data/train/DEU/DEU_006_Verse_010.mp3,"eya ta O! Israel, ɖo to se ɖe sia ɖe, eye nàkpɔ egbɔ be yewɔ ɖe wo dzi ale be nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu me, eye nàdzi sɔ gbɔ. Ne èwɔ ɖe se siawo katã dzi la, àzu dukɔ gã aɖe le anyigba nyui la dzi afi si “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” abe ale si fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbe na wò ene." data/train/DEU/DEU_003_Verse_007.mp3,"Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe ŋunye le miawo ta, eye meɖe mɔ nam be matso tɔsisi la o. Eɖe gbe nam be, “Esɔ gbɔ, mègaƒo nu tso nya sia ŋu azɔ o," data/train/DEU/DEU_011_Verse_022.mp3,"Miɖo to! Nyemele nu ƒom fifia na mia viwo, ame siwo mekpɔ eƒe tohehe na Egiptetɔwo alo eƒe gãnyenye kple ŋusẽ teƒe kpɔ o." data/train/DEU/DEU_031_Verse_019.mp3,"Misẽ ŋu! Dzi nanɔ mia ƒo! Migavɔ̃ o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la anɔ kpli mi. Mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ mi ɖi hã o.”" data/train/DEU/DEU_012_Verse_018.mp3,Migbã woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo. Mitɔ dzo woƒe aƒeliwo. Mimu woƒe legba siwo wotsɔ ga tu la ƒu anyi. Migagblẽ naneke si aɖo ŋku woƒe trɔ̃wo dzi na mi la ɖi o. data/train/DEU/DEU_026_Verse_005.mp3,ele na wò be nàtsɔ wò agblemenuku gbãtɔ siwo nàkpɔ tso anyigba si Yehowa wò Mawu le na wò ge dzi la ƒe nuku gbãtɔwo le ƒe sia ƒe ƒe nuŋeŋe me na Yehowa le eƒe kɔkɔeƒe la. data/train/DEU/DEU_016_Verse_004.mp3,"Esia anye dzidzɔɣi kple aseyetsoŋkekenyui na wò kple wò ƒometɔwo kple wò subɔlawo siaa. Ɖo ŋku edzi nàkpe Levitɔwo, amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo kple ahosi siwo le wò du me." data/train/DEU/DEU_011_Verse_006.mp3,"anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la ŋutɔ léa be na, eye eƒe ŋku le anyigba la ŋu ɣe sia ɣi tso ŋkeke yi ŋkeke le ƒe blibo la me!" data/train/DEU/DEU_022_Verse_024.mp3,"“Nyɔnu mekpɔ mɔ ado ŋutsuwu o. Nenema ke ŋutsu hã mekpɔ mɔ ado nyɔnuwu o. Nu sia wɔwɔ nye ŋunyɔnu na Yehowa, wò Mawu la." data/train/DEU/DEU_001_Verse_039.mp3,"Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me hegblɔ be, “Yehowa melɔ̃ mí o; ekplɔ mí tso Egipte be Amoritɔwo nawu mí." data/train/DEU/DEU_022_Verse_005.mp3,"“Ele be woatɔ kpɔ aƒo xlã xɔ yeye ɖe sia ɖe si wogba eƒe tame le gbadza la ƒe tame kpe ɖo, ale be ame aɖeke magage tso xɔ la tame, eye wòade hlɔ̃fe aƒea kple aƒea tɔ siaa ŋu o." data/train/DEU/DEU_020_Verse_016.mp3,"Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ du la de asi na wò la, ekema ele be nàwu ŋutsu ɖe sia ɖe le dua me," data/train/DEU/DEU_028_Verse_062.mp3,"“Yehowa wò Mawu atrɔ wò nàzu dukɔ kɔkɔe na eɖokui abe ale si wòdo ŋugbe be yeawɔ ne ànya wɔ ɖe yeƒe sewo dzi, eye nàzɔ le yeƒe mɔwo dzi la ko ene." data/train/DEU/DEU_007_Verse_006.mp3,Eya ta wɔ ɖe se siwo katã mele tsɔtsɔm na wò egbea la dzi. data/train/DEU/DEU_008_Verse_007.mp3,"“Ke ɣe ma ɣi tututu wòle be miaɖɔ ŋu ɖo! Mikpɔ nyuie be le ɣeyiɣi si nuɖuɖu bɔ ɖe mia si la, miagaŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, eye miade asi aglãdzedze ɖe eŋu me o." data/train/DEU/DEU_004_Verse_004.mp3,"Dukɔ bubu kae li, si xɔ ŋkɔ ale gbegbe be woƒe mawuwo tsɔ ɖe wo gbɔ abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ ɖe mia gbɔ ne míedo gbe ɖa nɛ ene?" data/train/DEU/DEU_004_Verse_008.mp3,"Ele be miawɔ se siwo made na mi egbe la dzi, ale be nu sia nu nanyo na mi kple mia viwo, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam la dzi tegbetegbe.”" data/train/DEU/DEU_021_Verse_016.mp3,"nava klɔ asi ɖe nyinɔe la dzi," data/train/DEU/DEU_028_Verse_055.mp3,"Yehowa ana nàzu kluvi na wò futɔwo le dɔwuame, tsikɔwuame kple amamanɔnɔ me. Nu sia nu ahiã wò. Yehowa ade gakɔkuti kɔ na wò va se ɖe esime wòatsrɔ̃ wò ɖa gbidii." data/train/DEU/DEU_003_Verse_023.mp3,"Na Yosua naxɔ ɖe tewòƒe. De dzi ƒo nɛ, elabena eyae akplɔ ameawo atso tɔsisi la be woaxɔ anyigba si nàkpɔ tso to la tame.”" data/train/DEU/DEU_027_Verse_009.mp3,"“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awu nɔvia le adzame la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen: neva eme nenema!”" data/train/DEU/DEU_029_Verse_011.mp3,ke boŋ ele ewɔm kple Israel ƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ hã. data/train/DEU/DEU_027_Verse_006.mp3,"“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ade asi lɔ̃xoa ŋu la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”" data/train/DEU/DEU_015_Verse_021.mp3,"Nudonamela aɖeke maɖo ko le tsɔtsɔke sia ta o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akɔ yayra geɖe ɖe mia dzi le anyigba si wòle mia nam la dzi, ne miewɔ eƒe sewo dzi." data/train/DEU/DEU_005_Verse_010.mp3,"Mebla nu kple mia tɔgbuiwo o, ke boŋ kple mi ame siwo le agbe, le afi sia fifia" data/train/DEU/DEU_025_Verse_019.mp3,"Ɖo ŋku edzi be wowɔ aʋa kpli mi, eye wowu ame siwo ŋu ŋusẽ vɔ le, ame siwo ŋu ɖeɖi te kple ame siwo tsi megbe. Womesro Mawu ɖa alo vɔ̃e o," data/train/DEU/DEU_004_Verse_016.mp3,"Israel xɔ Fia Sixɔn kple Basan fia Ɔg ƒe anyigba. Sixɔn kple Ɔg wonye Amoritɔwo ƒe fia eveawo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo." data/train/DEU/DEU_008_Verse_011.mp3,"Mikpɔ nyuie be, miagaŋlɔ Mawu, ame si kplɔ mi to gbedzi dziŋɔ la dzi, afi si da aɖivɔ̃wo kple ahɔ̃wo bɔ ɖo, teƒe si xɔ dzo heƒu la be o. Ena tsi mi tso Agakpe la me!" data/train/DEU/DEU_013_Verse_017.mp3,"Ne nɔviwò ŋutsu, viwò ŋutsu, viwò nyɔnu, srɔ̃wò lɔlɔ̃a, alo xɔwò vevitɔ kekeake si le abe wò ŋutɔ wò luʋɔ ene agblɔ na wò le adzame be, ‘Na míayi aɖasubɔ mawu bubuwo (mawu siwo miawo ŋutɔ kple mia fofowo mienya o," data/train/DEU/DEU_013_Verse_012.mp3,"Miƒu kpee wòaku, elabena edze agbagba be yeahe mi ɖa tso Yehowa, mia Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egipte la gbɔ." data/train/DEU/DEU_011_Verse_002.mp3,"Ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la ade vɔvɔ̃ ameawo me ɖe mia ŋu do ŋgɔ na mi, afi sia afi si miayi abe ale si wòdo ŋugbe na mi ene tututu." data/train/DEU/DEU_022_Verse_027.mp3,"Ɖe asi le wo dadaa ŋu, eye nàlé sueawo ko. Yehowa ayra wò ɖe nu sia ta." data/train/DEU/DEU_009_Verse_025.mp3,"Wò amewo kple wò domenyilawo wonye, ame siwo nètsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple abɔ sesẽ la kplɔ tso Egipte.”" data/train/DEU/DEU_029_Verse_006.mp3,"Esi míeva ɖo afi sia la, Fia Sixɔn tso Hesbon kple Fia Ɔg tso Basan kpe aʋa kpli mí, ke míeɖu wo dzi;" data/train/DEU/DEU_011_Verse_030.mp3,"Womekpɔ nu si Mawu wɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔwo, woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo, ale si wònyrɔ wo ɖe Ƒu Dzĩ la me esi wodze mia yome kple ale si Yehowa na woƒe ŋusẽ ɖe mia ŋu nu ku va se ɖe egbeŋkeke sia dzi o!" data/train/DEU/DEU_009_Verse_024.mp3,"Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mekpɔe be dukɔ sia nye ame kɔlialiatɔwo sɔŋ." data/train/DEU/DEU_011_Verse_008.mp3,"ekema Yehowa anya dukɔwo katã ɖa le mia ŋgɔ, aleke gbegbe woasɔ gbɔ wu mi, eye woasẽ wu mi hã!" data/train/DEU/DEU_023_Verse_002.mp3,"anɔ asaɖa la godo va se ɖe fiẽ, ekema ale tsi, eye wòatrɔ ava asaɖa la me ne ɣe ɖo to." data/train/DEU/DEU_011_Verse_026.mp3,"Ne miewɔ seawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo kple miawo kple miaƒe dzidzimeviwo la dzi. Anyigba la nye anyigba wɔnuku aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo!’" data/train/DEU/DEU_032_Verse_036.mp3,"Nye nyawo adza ɖe mia dzi abe tsi kple zãmu ene, abe tsidzadza ɖe gbe bɔbɔe dzi ene, abe gbafie le togbɛwo ŋu ene." data/train/DEU/DEU_003_Verse_009.mp3,"Manase ƒe hlɔ̃ si woyɔna be Yair la xɔ Argob nuto me blibo la, si nye Basan va se ɖe Gesuritɔwo kple Makatitɔwo ƒe liƒowo dzi. Wotsɔ woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔ na anyigba la be Havɔt Yair si gɔmee nye “Yair ƒe Kɔƒewo” abe ale si wogayɔa wo egbegbe ene." data/train/DEU/DEU_031_Verse_018.mp3,"Menya be le nye ku megbe la, miagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo keŋkeŋ, eye miaɖe asi le Mawu kple eƒe seawo ŋu. Ale le ŋkeke siwo gbɔna me la, dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe mia dzi, elabena miawɔ nu si Yehowa gblɔ be enye nu vɔ̃, eye miado dɔmedzoe nɛ vevie.”" data/train/DEU/DEU_020_Verse_020.mp3,"Ɖe mia dometɔ aɖe bia nyɔnu ta ŋkeke siawo mea? Ekema amea natrɔ ayi aƒe me, eye wòaɖe nyɔnu la. Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ŋutsu bubu aɖe sãa aɖe nyɔnu si ta wòbia." data/train/DEU/DEU_028_Verse_064.mp3,"“Yehowa, wò Mawu la aɖo Egiptetɔwo ƒe ƒoƒoe, anyi kple akpa ɖe dowòme, eye atike manɔ anyi na wo dometɔ aɖeke o." data/train/DEU/DEU_014_Verse_026.mp3,“Tɔmelã siwo ko miekpɔ mɔ aɖu la woe nye esiwo ŋu adza kple tsro le. data/train/DEU/DEU_015_Verse_020.mp3,"Nu si hiã na eƒe yayra sia xɔxɔ koe nye miawɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo katã mele dedem na mi egbe la dzi pɛpɛpɛ." data/train/DEU/DEU_005_Verse_017.mp3,"Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o, eɖanye nu siwo le dziƒo alo anyigba dzi afii loo, alo tɔ me la ƒe nɔnɔme o." data/train/DEU/DEU_015_Verse_008.mp3,"“Ke ne Hebri kluvi la medi be yeadzo le gbɔwò o, ke boŋ wògblɔ be yelɔ̃ wò, wò aƒemenɔnɔ dze edzi na ye, eye wò beléle na ye dze ye ŋu la," data/train/DEU/DEU_002_Verse_016.mp3,"Míebia be, ‘Na míato wò anyigba dzi ayi. Míanɔ mɔ gã la dzi ko; míage ɖe miaƒe agblewo me le ɖusime loo alo miame o." data/train/DEU/DEU_012_Verse_004.mp3,"“Azɔ la, migalé miaƒe mɔwo atsɔ abe ale si miele wɔwɔm fifia ene, eye ame sia ame le nu si wòbu be enyo la wɔm o," data/train/DEU/DEU_001_Verse_022.mp3,"Megblɔ na ameawo be, “Yehowa, mía Mawu la tsɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba sia na mí." data/train/DEU/DEU_011_Verse_000.mp3,"Afi sia afi si miaɖo afɔe la, anyigba la anye mia tɔ. Miaƒe liƒowo akeke tso Negeb ƒe anyigbeme ayi Lebanon, agatso Frat tɔsisi la ŋu, ayi Domeƒu la ŋu." data/train/DEU/DEU_026_Verse_000.mp3,"Azɔ la, O! Yehowa, kpɔ ɖa, metsɔ nye agblemenuku gbãtɔ siwo mekpɔ tso anyigba si nènam me la ƒe kpɔɖeŋu vɛ na wò.’ Ekema nàtsɔ nukuawo ada ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋkume, eye nàde ta agu nɛ." data/train/DEU/DEU_002_Verse_012.mp3,"Ke míegblẽ Amonitɔwo kple Yabok tɔsisi la kple du siwo le tonyigba la dzi kple teƒe siwo me Yehowa, míaƒe Mawu, de se na mí be míagage ɖo o la ɖi." data/train/DEU/DEU_021_Verse_014.mp3,"Mina du si te ɖe eŋu wu la ƒe ametsitsiwo natsɔ nyinɔe ɖeka si womede kɔkuti kɔ na kpɔ o la," data/train/DEU/DEU_026_Verse_006.mp3,"Esia megbe la, àgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkume be, ‘Tɔgbuinyewo nye Arameatɔwo. Woʋu yi Egipte le sitsoƒedidi ta. Wonye ame ʋɛ aɖewo ko, ke wova zu dukɔ gã aɖe le Egipte." data/train/DEU/DEU_013_Verse_007.mp3,"Migasubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o. Misubɔ Yehowa miaƒe Mawu ko. Miwɔ ɖe eya ko ƒe sewo dzi, eye mialé ɖe eŋu." data/train/DEU/DEU_028_Verse_046.mp3,"Woayra wò alimeviwo, eye wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, wò nyiwo kple wò alẽwo siaa adzi ɖe edzi." data/train/DEU/DEU_032_Verse_050.mp3,"Zi ale si wònye nyee Nye Mawu gbagbe la la, Mekɔ asi dzi, ɖe adzɔgbe" data/train/DEU/DEU_012_Verse_002.mp3,"Aleke wòle hã la, miate ŋu awu lãwo le miaƒe du ɖe sia ɖe me, aɖu lã si sinu mielɔ̃, abe ahlɔ̃e alo zi ene, le yayra si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la nu. Ame siwo ŋuti kɔ kple ame siwo ŋuti mekɔ o la siaa ate ŋu aɖui faa." data/train/DEU/DEU_011_Verse_025.mp3,"Ne miesubɔ mawu bubuwo la, Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye wòatu dziƒo nu ale be tsi magadza o, eye agblemenukuwo mawɔ o. Ekema miatsrɔ̃ enumake le anyigba nyui si Yehowa na mi la dzi," data/train/DEU/DEU_015_Verse_004.mp3,"Ele be nàdo nu si hiãtɔ la hiã la nɛ, eye mègafa konyi tso eŋu hã o! Elabena Yehowa wò Mawu ana nuwo nadze edzi na wò le nu sia ta!" data/train/DEU/DEU_019_Verse_008.mp3,Mègakpɔ nublanui nɛ o! Ɖe hlɔ̃dolawo katã ɖa le Israelviwo dome! Eya ko hafi nu sia nu ayi edzi nyuie na mi. data/train/DEU/DEU_025_Verse_012.mp3,"“Ne ŋutsu eve le avu wɔm, eye ɖeka srɔ̃ va de srɔ̃a dzi helé ŋutsu kemɛ ɖe asi na srɔ̃a la," data/train/DEU/DEU_019_Verse_020.mp3,"“Yehowa wò Mawu akeke wò anyigba la ƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbe na tɔgbuiwòwo ene, eye wòatsɔ anyigba blibo si ŋugbe wòdo la na wò." data/train/DEU/DEU_031_Verse_016.mp3,Magbugbɔ le wo yome le woƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ to mawu bubuwo subɔsubɔ me la ta. data/train/DEU/DEU_016_Verse_008.mp3,"Me lã la, eye nàɖui le afi si Yehowa wò Mawu atia na wò. Ɖo ta aƒe me le fɔŋli." data/train/DEU/DEU_004_Verse_042.mp3,Yehowa miaƒe Mawu la nye dzo si fiaa nu kple Mawu si ʋãa ŋu. data/train/DEU/DEU_005_Verse_007.mp3,"Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi." data/train/DEU/DEU_005_Verse_006.mp3,"Ke esi miese gbe sesẽ la tso viviti la me, eye miekpɔ dzo bibi dziŋɔ la le to la tame la, miaƒe toawo ƒe kplɔlawo katã va gbɔnye," data/train/DEU/DEU_019_Verse_014.mp3,"Ne menye nenema o la, hlɔ̃biala la ati eyome kple dɔmedzoe, atui ne sitsoƒedu la gbɔ didi akpa, eye wòawui togbɔ be medze na ku hafi o, elabena menye ɖe wòɖoe hafi wu nɔvia o." data/train/DEU/DEU_001_Verse_040.mp3,Woto toawo dzi heyi Eskɔl ƒe balime. data/train/DEU/DEU_033_Verse_015.mp3,"Mose gblɔ tso Yosef ƒe to la ŋu be, “Yehowa nayra eƒe anyigba kple nunana nyuitɔwo tso dziƒo kple esiwo tso anyigba ƒe tume." data/train/DEU/DEU_032_Verse_051.mp3,"Ɖo ŋku gbe aɖe gbe ʋĩi dzi! Bia fofowòwo kple amegãxoxowo, woagblɔ nya sia nya na wò." data/train/DEU/DEU_004_Verse_019.mp3,"Ke mi ame siwo katã ku ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti la, miegale agbe va se ɖe egbe." data/train/DEU/DEU_025_Verse_001.mp3,"“Dumemetsitsiwo ayɔ ŋutsu la aƒo nu kplii tso nya la ŋu. Ne egagbe kokoko la," data/train/DEU/DEU_034_Verse_010.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ Naftali, Efraim kple Manase ɖa le afii; kpɔ Yuda ɖa, ekeke tso afi mɛ yi ɖatɔ Domeƒu la." data/train/DEU/DEU_007_Verse_001.mp3,"Ele be nàmu woƒe vɔsamlekpuiwo, agbã woƒe legbawo, aho woƒe aƒeliwo aƒu anyi, eye nàtɔ dzo woƒe aklamakpakpɛwo," data/train/DEU/DEU_004_Verse_025.mp3,"Le didiƒenyigbawo dzi la, miasubɔ legba siwo wowɔ kple ati kple kpe, legba siwo mekpɔa nu, sea nu, ɖua nu alo sea nu ƒe ʋeʋẽ o." data/train/DEU/DEU_019_Verse_019.mp3,"woahe to si wòbu be woahe na ame kemɛ la hafi la na eya ŋutɔ boŋ. To mɔ sia dzi, eye nàɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome." data/train/DEU/DEU_001_Verse_013.mp3,Ke nu ka ame ɖeka ate ŋu awɔ le miaƒe dzrenyawo dɔdrɔ̃ kple nukpekeamewo ŋuti? data/train/DEU/DEU_032_Verse_021.mp3,Ke Israel gblẽ: nu vɔ̃ blibae. Meganye Mawu tɔ o. Ezu dukɔ kɔlialiatɔ kple dzidzime gɔglɔ̃. data/train/DEU/DEU_025_Verse_006.mp3,"Ke ne nɔviŋutsu la gbe be yemawɔ yeƒe dɔdeasi le go sia me o hegbe ahosi la ɖeɖe la, ekema ahosi la ayi dumemetsitsiwo gbɔ, eye wòagblɔ na wo be, ‘Srɔ̃nye nɔviŋutsu gbe be yemana nɔvia ŋutsu si ku la ƒe ŋkɔ natsi anyi le Israel o. Egbe be yemaɖem o.’" data/train/DEU/DEU_012_Verse_023.mp3,"Miwɔ se siwo katã mede na mi la dzi pɛpɛpɛ anukwaretɔe ekema nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo nyuie tegbetegbe, elabena mianɔ nu si dzɔ, eye wòdzea Yehowa ŋu la wɔm." data/train/DEU/DEU_028_Verse_048.mp3,Woayra wò le du me kple agble me siaa. data/train/DEU/DEU_023_Verse_023.mp3,"Ŋkeke ale si miele agbe la, mele be miana kpekpeɖeŋu aɖeke Amoritɔwo kple Moabtɔwo akpɔ o." data/train/DEU/DEU_025_Verse_004.mp3,"eya ta ne Yehowa, wò Mawu la na nèvo tso wò futɔwo katã ƒe asi me le ŋugbedodonyigba la dzi la, ele na wò be nàtsrɔ̃ Amaleki ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ le dziƒoa te. Mègaŋlɔ nu sia be gbeɖe o.”" data/train/DEU/DEU_018_Verse_018.mp3,"Nye ŋutɔ mahe to na ame sia ame si maɖo toe, awɔ nye nya si wòagblɔ nɛ la dzi o." data/train/DEU/DEU_017_Verse_001.mp3,"Ele be eƒe seawo ƒe ŋɔŋlɔ sia nanɔ esi ɣe sia ɣi, eye wòaxlẽ nu tso eme gbe sia gbe le eƒe agbe me ale be, wòasrɔ̃ ale si wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la to seawo katã dzi wɔwɔ me." data/train/DEU/DEU_013_Verse_010.mp3,"miku nya la gɔme nyuie. Ne enye nyateƒe be nu vɔ̃ɖi sia va eme la," data/train/DEU/DEU_015_Verse_015.mp3,"Mikpɔ nyuie! Migagbe gadodo na ame, elabena ƒe si me woate fli ɖe fewo me la gogo o! Ne miegbe gadodo na hiãtɔ la, eye hiãtɔ la ƒo koko na Yehowa la, Yehowa abui na mi nu vɔ̃e." data/train/DEU/DEU_028_Verse_011.mp3,"Aɖi wò alimeviwo, wò agblemenukuwo, wò nyiwo kple wò alẽwo hã ŋu." data/train/DEU/DEU_028_Verse_034.mp3,"“Ne ègbe mèwɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o, eye nèto esia me gbe, mèvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ si ŋu bubu kple ŋɔdzi le o la," data/train/DEU/DEU_031_Verse_015.mp3,"Le esia megbe la, Mose ŋlɔ se siwo wòde na ameawo la, eye wòtsɔ wo na nunɔlawo, Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le. Mose tsɔ se siwo wòŋlɔ la na Israel ƒe ametsitsiwo hã." data/train/DEU/DEU_004_Verse_040.mp3,"Teƒe bubu kae miagate ŋu akpɔ ale si Mawu ɖe dukɔ aɖe tso kluvinyenye me, eye wòɖo dɔvɔ̃ dziŋɔwo ɖa, wɔ nukunu triakɔwo, eye wòhe aʋawɔwɔ kple ŋɔdzi vɛ la ƒe kpɔɖeŋu le? Nu sia tututue Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le Egipte le miawo ŋutɔ mia ŋkume." data/train/DEU/DEU_018_Verse_021.mp3,"Yehowa wò Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome, tso mia nɔviwo Israelviwo dome abe nye ene. Ele be nàɖo to ame sia," data/train/DEU/DEU_030_Verse_002.mp3,"elabena se siawo mele dziƒo ʋĩi ale gbegbe be miagblɔ be, ‘Ame kae ayi dziƒo’ atsɔ wo vɛ na mí, be míase eye miawɔ wo dzi o." data/train/DEU/DEU_001_Verse_023.mp3,"Megblɔ na wo be, ‘Le miaƒe nyametsotsowo me la, migade ame aɖeke dzi le eƒe hotsuitɔnyenye ta o. Miwɔ nu dzɔdzɔe ɖe amegãwo kple ame gblɔewo siaa ŋu sɔsɔe. Migavɔ̃ na woƒe dzikudodo ɖe mia ŋu o, elabena Mawu teƒee miele ʋɔnu drɔ̃m ɖo. Mitsɔ nya siwo sesẽ akpa na mi la vɛ nam, eye mawɔ wo ŋu dɔ.’" data/train/DEU/DEU_005_Verse_018.mp3,"Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame si yɔ eƒe ŋkɔ dzodzro la o." data/train/DEU/DEU_009_Verse_009.mp3,"Le ŋkeke blaeneawo kple zã blaeneawo ƒe nuwuwu la, Yehowa tsɔ kpe kpakpa eveawo, nubabla ƒe kpe kpakpawo nam." data/train/DEU/DEU_023_Verse_014.mp3,"Ne ènya ɖe adzɔgbe ko la, ele be nàkpɔ egbɔ be yewɔ nu si ŋugbe nèdo be yeawɔ la kokoko, elabena wò ŋutɔe tia nu si nàwɔ, eye Yehowa, wò Mawu lae nèɖe adzɔgbe na." data/train/DEU/DEU_031_Verse_002.mp3,"“Azɔ la, ŋlɔ ha sia ƒe nyawo da ɖi, eye nàfia Israelviwo abe nye nuxlɔ̃ame na wo ene." data/train/DEU/DEU_007_Verse_024.mp3,Yehowa ayra wò wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me. Wò ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dometɔ aɖeke matsi ko o. Woƒe lãwo gɔ̃ hã matsi ko o. data/train/DEU/DEU_019_Verse_016.mp3,“Nu si ta wòle be du siawo nanɔ anyi ɖo la woe nye: data/train/DEU/DEU_013_Verse_003.mp3,"Ekema Israel katã asee, eye woavɔ̃, eye ame aɖeke maganɔ mia dome si awɔ nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi ake o." data/train/DEU/DEU_026_Verse_007.mp3,"Etsɔ nukunu gãwo kple asi sesẽ ɖe mí tso Egipte. Esi wòwɔ nukunu gã dziŋɔwo le Egiptetɔwo ŋkume la," data/train/DEU/DEU_032_Verse_005.mp3,Edo dɔmedzoe ŋutɔ ɖe woƒe dzromawuwo subɔsubɔ ta; eʋã ŋu ɖe eƒe dukɔ ta. data/train/DEU/DEU_022_Verse_019.mp3,"Ne wobia ɖetugbi aɖe ta hafi ŋutsu bubu de asi eŋu le dua me la," data/train/DEU/DEU_009_Verse_028.mp3,"Ɖo ŋku wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Yakob dzi. Mègaɖo ŋku ame siawo ƒe kɔlialia kple woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple woƒe nu vɔ̃wo dzi o." data/train/DEU/DEU_031_Verse_022.mp3,"Mose yi edzi be, “Yɔ ameawo katã ƒo ƒu, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo le mia dome, be woase Yehowa ƒe seawo, eye woasrɔ̃ eƒe lɔlɔ̃nu, ale be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, eye miawɔ ɖe eƒe seawo dzi." data/train/DEU/DEU_020_Verse_004.mp3,“Ke migana ame aɖeke natsi agbe le Ŋugbedodonyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi o. Na woatsrɔ̃ nu gbagbe ɖe sia ɖe. data/train/DEU/DEU_012_Verse_027.mp3,"Ne teƒe si miesubɔa Mawu le didi akpa la, ekema ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la, miate ŋu awu nyi alo alẽ si Yehowa tsɔ na mi, eye miaɖu lã la le aƒe me abe ale si mede se na mi la ene." data/train/DEU/DEU_017_Verse_020.mp3,"to mawu bubuwo, ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo subɔsubɔ me, nu siwo ŋu mede se na mi le vevie la," data/train/DEU/DEU_017_Verse_008.mp3,"“Mègatsɔ nyitsu alo alẽ si le dɔ lém alo esi nane wɔ la sa vɔe na Yehowa, wò Mawu la gbeɖegbeɖe o. Yehowa, wò Mawu la bua nunana siawo abe ŋunyɔnu ene." data/train/DEU/DEU_013_Verse_015.mp3,"“Ne miele du siwo Yehowa miaƒe Mawu na mi me, eye miese" data/train/DEU/DEU_028_Verse_025.mp3,"eye yayra siawo katã agbã go ɖe dziwò ne àɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe." data/train/DEU/DEU_024_Verse_000.mp3,"“Ele be nàkpɔ egbɔ be wowɔ nunɔlawo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ le anyidzedɔ, dɔdzĩ kple kpodɔ gome, elabena mede se siwo dzi miawɔ ɖo nyaɖenyanui la na nunɔlawo." data/train/DEU/DEU_009_Verse_016.mp3,"Mevɔ̃ ɖe mia nu ŋutɔŋutɔ, elabena Yehowa ɖo vevie be yeatsrɔ̃ mi. Ke egaɖo tom ɣe ma ɣi hã." data/train/DEU/DEU_011_Verse_017.mp3,"“Kpɔ ɖa, metsɔ yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom egbea be miatia." data/train/DEU/DEU_028_Verse_023.mp3,"elabena Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome tso anyigba la ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu. Le afi ma la, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe, mawu siwo wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo mienya o!" data/train/DEU/DEU_012_Verse_030.mp3,"Woatsɔ nu siawo katã va vɔsamlekpui la gbɔ, afi si miawo, mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kple Levitɔwo tso miaƒe duwo me, miaɖu wo le, le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume. Yehowa agblɔ afi si vɔsamlekpui la anɔ la na mi. Mitso aseye le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le nu sia nu si miawɔ la me." data/train/DEU/DEU_029_Verse_013.mp3,"Mi katã, miele tsitre ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋkume egbe. Miaƒe kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, ametsitsiawo kple Israel ƒe ŋutsuwo katã," data/train/DEU/DEU_006_Verse_013.mp3,"Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele be nàbu se siwo mele nawòm egbe la ŋu ɣe sia ɣi." data/train/DEU/DEU_008_Verse_019.mp3,"Ɛ̃, ebɔbɔ mi ɖe anyi esi wòna dɔ wu mi, eye wòna mana mi be miaɖu. Miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo miekpɔ mana sia kpɔ o. Ewɔe be yeana mianya be menye nuɖuɖu koe nye nu sia nu o, eye mianyae be agbe ŋutɔ le Yehowa ƒe se ɖe sia ɖe dzi wɔwɔ me." data/train/DEU/DEU_002_Verse_037.mp3,"Ɛ̃, Yehowa ƒe asi tsi tsitre ɖe wo ŋu va se ɖe esime wo katã woku." data/train/DEU/DEU_005_Verse_004.mp3,"eye woɖe kuku be, “Egbe la, Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye fia mí. Míese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina. Azɔ la, míenya be ame ate ŋu aƒo nu kple Mawu, eye maku o." data/train/DEU/DEU_023_Verse_009.mp3,"Ke ne mèɖe adzɔgbe kura o la, mèwɔ nu vɔ̃ o." data/train/DEU/DEU_024_Verse_007.mp3,"Ne ègbe kutsetsewo le amiti dzi la, mègatsa atilɔawo dzi zi evelia o. Gblẽ kutsetse siwo atsi atilɔawo dzi la ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo." data/train/DEU/DEU_028_Verse_060.mp3,"“Yehowa aɖu wò futɔwo dzi le ŋgɔwò. Woaƒo ƒu alũ ɖe dziwò, gake woaka ahlẽ asi to teƒe adre le ŋgɔwò!" data/train/DEU/DEU_028_Verse_059.mp3,"Yehowa ayra wò kple nuku nyuiwo kple nyi siwo ƒe lãme nyo. Ana nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi." data/train/DEU/DEU_032_Verse_022.mp3,Ke Israel nye dukɔ tɔxɛ; metre enu abe kpe xɔasiwo ene ɖe nye nudzraɖoƒe. data/train/DEU/DEU_001_Verse_045.mp3,"Yehowa se woƒe liʋĩliʋĩlilĩ, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ. Eka atam be," data/train/DEU/DEU_034_Verse_009.mp3,"Nunya ƒe gbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu me, elabena Mose da eƒe asiwo ɖe edzi, eya ta Israelviwo ɖo toe, eye wowɔ ɖe se siwo katã Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi." data/train/DEU/DEU_032_Verse_024.mp3,"Ke mena mawudɔla aɖeke Israel o, elabena Israel nye Yehowa ŋutɔ tɔ!" data/train/DEU/DEU_029_Verse_002.mp3,Ekema mia viwo kple miaƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ kple amedzro siwo atso didiƒewo la akpɔ ale si Yehowa ana anyigba la maganyo nukuwo o kple dɔléle siwo wòaɖo ɖe anyigba la dzi. data/train/DEU/DEU_006_Verse_007.mp3,"Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo." data/train/DEU/DEU_003_Verse_025.mp3,(Sidontɔwo yɔa Hermon to la be Sirion le esime Amoritɔwo yɔe be Senir.) data/train/DEU/DEU_011_Verse_014.mp3,"ke fiƒode ava mia dzi ne miegbe seawo dzi wɔwɔ, eye miesubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawuwo." data/train/DEU/DEU_021_Verse_006.mp3,"ekema fofoa kple dadaa nakplɔe ayi dumemetsitsiawo gbɔ," data/train/DEU/DEU_008_Verse_005.mp3,Eya ta ele be miadze sii be Yehowa miaƒe Mawu hea to na mi be yeakpe ɖe mia ŋu abe ale si fofo hea to na via ene. data/train/DEU/DEU_003_Verse_001.mp3,"Azɔ la, Amoritɔwo ƒe fia eveawo ƒe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi la zu mía tɔ. Anyigba sia tso Arnon ƒe balime yi Hermon to la gbɔ." data/train/DEU/DEU_026_Verse_002.mp3,"Ekema nàgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ŋkume be, ‘Metsɔ nye nuwo ƒe ewolia katã na Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo abe ale si nèɖo nam ene. Nyemeda le wò se aɖeke dzi loo alo ŋlɔ ɖeke be o." data/train/DEU/DEU_026_Verse_015.mp3,Nunɔla la axɔ kusi la le asiwò ada ɖe Yehowa wò Mawu ƒe vɔsamlekpui la dzi. data/train/DEU/DEU_033_Verse_025.mp3,Yehowa nayrae kple nuku nyuitɔwo tso esiwo ɣe nana wotsina la dome wòana nuwoe fũu ɣleti sia ɣleti data/train/DEU/DEU_028_Verse_039.mp3,"Ne mianya ɖo to, eye miawɔ Yehowa miaƒe Mawu ƒe se siwo mele dedem na mi egbea dzi ko la, Yehowa awɔ wò nàzu ta, eye mànye asike o; àɖu dzi le nu sia nu me ɣe sia ɣi." data/train/DEU/DEU_018_Verse_005.mp3,"elabena Yehowa, wò Mawu la tia Levitɔwo tso to bubuawo dome be woawɔ subɔsubɔdɔwo na Yehowa tso dzidzime yi dzidzime." data/train/DEU/DEU_028_Verse_007.mp3,"àtsa asi le ŋdɔkutsu dzatsi nu abe ale si ŋkuagbãtɔ tsaa asi le viviti me ene tututu. Nu siwo katã nàwɔ la dometɔ aɖeke madze edzi na wò o. Woate wò ɖe to; woada adzo wò enuenu, eye naneke maɖe wò o." data/train/DEU/DEU_010_Verse_017.mp3,Meɖi eye metsɔ kpe eveawo de Aɖaka si mekpa la me. Wole afi ma va se ɖe egbe abe ale si Yehowa ɖo nam ene. data/train/DEU/DEU_009_Verse_008.mp3,"Le toa te la, mekpɔ nyivi si miewɔ le miaƒe nu vɔ̃ si miewɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu me. Miegbugbɔ le Yehowa yome kaba ŋutɔ!" data/train/DEU/DEU_019_Verse_002.mp3,"ekema nàtia du etɔ̃ siwo le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nàwom la titina lɔƒo la na ɖokuiwò." data/train/DEU/DEU_024_Verse_010.mp3,"Ne nyɔnu la gaɖe srɔ̃," data/train/DEU/DEU_028_Verse_052.mp3,"“Yehowa akplɔ dukɔ aɖe si ƒe gbe mèse o la tso didiƒe ke, wòava dze dziwò abe ale si hɔ̃ dzea eƒe nuɖuɖu dzi ene." data/train/DEU/DEU_020_Verse_018.mp3,Se siawo ku ɖe du siwo mele Ŋugbedodonyigba la ŋutɔ dzi o la ŋu. data/train/DEU/DEU_033_Verse_008.mp3,Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israel woasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpui kple numevɔsamlekpui la dzi. data/train/DEU/DEU_022_Verse_023.mp3,"Nenema kee nàwɔ tedziwo, ame ƒe nudodo kple eƒe nu bubu ɖe sia ɖe si nàkpɔ. Kpɔ wo dzi na nutɔwo." data/train/DEU/DEU_020_Verse_003.mp3,"ke àte ŋu agblẽ nyɔnuwo, ɖeviwo, lãwo kple afunyinuwo katã ɖi na mia ɖokuiwo." data/train/DEU/DEU_004_Verse_014.mp3,"Eye dukɔ bubu kae gali si de ŋgɔ ale gbegbe be, se kple ɖoɖo dzɔdzɔe siawo tɔgbi le wo si abe se siwo metsɔ le mia ŋkume ɖom egbea ene?" data/train/DEU/DEU_014_Verse_015.mp3,"“Migaŋlɔ be, eye miagbe miaƒe ga la ƒe akpa aɖe nana Levitɔ siwo le mia dome o, elabena domenyinu alo agblemenuku aɖeke mele woawo si abe miawo ene o." data/train/DEU/DEU_013_Verse_018.mp3,"Nu si ko ana Yehowa miaƒe Mawu la nakpɔ nublanui na mi lae nye, ne mieɖo toe, ne miewɔ ɖe eƒe se siwo mele dedem na mi egbe la dzi, eye ne miewɔ nu si nye nu dzɔdzɔe le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume.”" data/train/DEU/DEU_006_Verse_003.mp3,"elabena Yehowa, wò Mawu la, ame si le mia dome la nye Mawu ʋãŋu; ate ŋu ado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye wòatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba la ŋkume." data/train/DEU/DEU_033_Verse_012.mp3,"Mose gblɔ tso Dan ŋu be, “Dan le abe dzatavi si le kpo tim tso Basan ene.”" data/train/DEU/DEU_014_Verse_024.mp3,"Nenema ke, migaɖu ha hã o, elabena togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Mele be miaka asi lã siawo ƒe kukuawo gɔ̃ hã ŋu o." data/train/DEU/DEU_002_Verse_003.mp3,"Azɔ la, Yehowa gblɔ nam be, “Medze Fia Sixɔn ƒe anyigba tsɔtsɔ na mi gɔme. Ne miexɔe la, azu Israelviwo tɔ tegbetegbe.”" data/train/DEU/DEU_033_Verse_019.mp3,“Ruben anɔ agbe tegbee eƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ!” data/train/DEU/DEU_032_Verse_044.mp3,"Yehowa axɔ na eƒe dukɔ, ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le eŋu. Ave ame siwo subɔnɛ la nu ne ekpɔ be wɔna mele wo ŋu o." data/train/DEU/DEU_012_Verse_032.mp3,Ʋu la koe miaɖu o; mina wòatsyɔ ɖe anyigba abe tsi ene. data/train/DEU/DEU_031_Verse_029.mp3,"Yehowa ɖe eɖokui fia wo le lilikpo gã aɖe me le agbadɔ la ƒe mɔnu," data/train/DEU/DEU_010_Verse_008.mp3,"Ewɔa nu dzɔdzɔe na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Elɔ̃a amedzrowo, eye wònaa nuɖuɖu kple nutata wo." data/train/DEU/DEU_033_Verse_010.mp3,"Mose gblɔ tso Asar ŋu be: “Woayra Aser wu to bubuawo katã; wokpɔ ŋudzedze le eŋu wu nɔviawo, amiti geɖewo amie na wò." data/train/DEU/DEU_005_Verse_020.mp3,"Menɔ miawo kple Yehowa dome, elabena mienɔ vɔvɔ̃m, eye mieyi egbɔ le to la dzi o. Eƒo nu nam, eye metsɔ eƒe seawo na mi. Nya siwo wògblɔ la woe nye:" data/train/DEU/DEU_009_Verse_006.mp3,"Le esia megbe la, meganɔ Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene numaɖumaɖu, tsimanomano, elabena miewɔ nu si Yehowa lé fui wu nu sia nu, eye miena wòdo dɔmedzoe vevie ŋutɔ." data/train/DEU/DEU_012_Verse_001.mp3,"Afi mae miawo kple miaƒe ƒometɔwo miaɖo kplɔ̃ ɖo le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye le nu siwo katã wòwɔ na mi la ta." data/train/DEU/DEU_033_Verse_021.mp3,Woatsɔ gayibɔ kple akɔbli atu wò du ƒe agbowoe àkpɔ ŋusẽ le wò ŋkekewo katã me! data/train/DEU/DEU_001_Verse_043.mp3,"Yehowa do dɔmedzoe ɖe nye gɔ̃ hã ŋu le woawo ta, eye wògblɔ nam be, “Màde Ŋugbedodonyigba la dzi o!" data/train/DEU/DEU_026_Verse_019.mp3,"“Ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe nye ƒe tɔxɛ na nuwo ƒe ewolia nana. Le ƒe ma me la, ele be nàtsɔ wò nuwo ƒe ewolia katã ana Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, ale be woawo hã naɖu nu nyuie." data/train/DEU/DEU_026_Verse_010.mp3,"Le esia megbe la, yi nàɖo kplɔ̃ kple nu nyui siwo katã Yehowa, wò Mawu la na wò. Na wò ƒometɔwo kple Levitɔwo kple amedzro siwo le mia dome la nakpɔ gome kpli wò le dzidzɔkpɔkpɔ la me." data/train/DEU/DEU_033_Verse_013.mp3,"Mose gblɔ tso Gad ŋu be, “Woayra Gad ƒe kpeɖeŋutɔwo, Gad tsyɔ akɔ anyi abe dzata ene be yeavuvu abɔ kple ta." data/train/DEU/DEU_003_Verse_015.mp3,"Meƒo koko sia na Yehowa le ɣe ma ɣi be," data/train/DEU/DEU_028_Verse_001.mp3,"Àde waingblewo, eye nàwɔ dɔ le wo me kple vevidodo nu, ke màɖu woƒe tsetseawo o, eye màno wain si woafia tso wo me hã o, elabena ŋɔ aɖu wo." data/train/DEU/DEU_006_Verse_018.mp3,"Ne èɖi ƒo la, mègaŋlɔ Yehowa, wò Mawu la vɔvɔ̃ kple esubɔsubɔ be o. Wɔ eya ko ƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me." data/train/DEU/DEU_001_Verse_041.mp3,"Wotrɔ gbɔ, eye wofa avi le Yehowa ŋkume, gake meɖo to wo o." data/train/DEU/DEU_007_Verse_007.mp3,"Gawu la, Yehowa aɖe miaƒe dɔlélewo katã ɖa, eye mana Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo dzi nèɖo ŋkui nyuie la dometɔ aɖeke naɖe fu na wò o. Atsɔ dɔléle siawo katã ada ɖe wò futɔwo dzi!" data/train/DEU/DEU_001_Verse_003.mp3,"Esia nye susu nyui aɖe, eya ta meɖo ŋkutsala wuieve ɖa, ɖeka tso to ɖe sia ɖe me." data/train/DEU/DEU_004_Verse_043.mp3,"Yehowa ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte be mianye yeƒe dukɔ tɔxɛ kple eya ŋutɔ ƒe domenyilawo, eye woawoe nye nu siwo mienye egbe." data/train/DEU/DEU_027_Verse_015.mp3,"“Mawu ƒe fiƒode nava ŋutsu si adɔ eya ŋutɔ nɔvinyɔnu, eɖanye fofovia alo dadavia gbɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”" data/train/DEU/DEU_004_Verse_022.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, migawu mo dzi be yewoasubɔ ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo o. Yehowa miaƒe Mawu akpɔ nublanui na dukɔ bubu siwo awɔ nu sia, gake makpɔ nublanui na miawo ya o." data/train/DEU/DEU_018_Verse_019.mp3,"Womehiã domenyinu o, elabena Yehowa nye woƒe domenyinu! Esia nye ŋugbe si Yehowa do na wo!" data/train/DEU/DEU_034_Verse_008.mp3,"Mose xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve hafi ku, gake eƒe ŋkuwo gakpɔa nu nyuie, eye ŋusẽ nɔ eŋu." data/train/DEU/DEU_027_Verse_005.mp3,"“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aba amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi aɖe la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”" data/train/DEU/DEU_028_Verse_012.mp3,Aɖi wò kusi kple wò amɔze hã ŋu. data/train/DEU/DEU_002_Verse_002.mp3,"“Ale míezɔ mɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi hafi te ŋu to Zered mlɔeba, heɖo Kades, elabena Yehowa ka atam be míaɖo Kades o, va se ɖe esime ame siwo katã tsi ate ŋu ayi aʋa le ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi si va yi me la katã ku hafi." data/train/DEU/DEU_012_Verse_015.mp3,"Migasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la le mɔ si dzi wosubɔa woƒe mawuwo le la o, elabena le woƒe mawusubɔsubɔ me la, wowɔa nu dziŋɔ siwo Yehowa lé fue. Wotsɔa wo viwo gɔ̃ hã sãa vɔe le dzo si le woƒe vɔsamlekpui dzi la me." data/train/DEU/DEU_023_Verse_008.mp3,"Ke migado vlo Edomtɔwo kple Egiptetɔwo ya o. Mia nɔviwoe nye Edomtɔwo, eye mienɔ Egiptetɔwo dome kpɔ." data/train/DEU/DEU_028_Verse_020.mp3,Dzɔgbevɔ̃e siwo nàkpɔ woaƒo xlã wò la ana nàku tsu. data/train/DEU/DEU_006_Verse_019.mp3,"Ne viwò va bia wò gbe aɖe gbe be, “Nu ka see nye esi Yehowa miaƒe Mawu de na mi?” hã la," data/train/DEU/DEU_001_Verse_028.mp3,"Míedzo le Horeb to la gbɔ, eye míezɔ mɔ to gbegbe gã dziŋɔ la dzi. Mlɔeba la, míeva ɖo Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, afi si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míayi. Míeɖo Kades Barnea le Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi." data/train/DEU/DEU_001_Verse_032.mp3,Mɔzɔzɔ tso Horeb to Seir to la ŋu yi Kades Barnea la nye ŋkeke wuiɖekɛ ko ƒe azɔli. data/train/DEU/DEU_024_Verse_003.mp3,"“Mègate amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to o, eye mègaxɔ ahosi aɖeke ƒe avɔ abe awɔbanu ene o." data/train/DEU/DEU_033_Verse_026.mp3,"Yehowa nayrae kple nunana nyuitɔwo kple anyigbadzinu geɖewo, kpakple Mawu, ame si ɖe eɖokui fia le ŋuve ƒe bibi me la ƒe amenuveve. Yayra siawo katã nava Yosef dzi. Ame si nye fiavi le nɔviawo dome." data/train/DEU/DEU_002_Verse_019.mp3,"Míetsrɔ̃ woƒe nu sia nu kple woƒe nyɔnuwo kple woƒe vidzĩwo katã. Míena naneke tsi agbe o," data/train/DEU/DEU_034_Verse_003.mp3,"eye wòwɔ dzesi kple nukunu siwo katã Yehowa ɖoe ɖa be wòawɔ le Egiptenyigba dzi na Farao, na eƒe subɔlawo katã kple dukɔ blibo la," data/train/DEU/DEU_028_Verse_028.mp3,"Le dukɔ mawo dome la, màkpɔ dzidzeme o, elabena Yehowa ana vɔvɔ̃dzi kple viviti wò, eye wòana nuxaxa kple vɔvɔ̃ nana wò ŋutilã nanyunyɔ." data/train/DEU/DEU_028_Verse_014.mp3,"Aɣla amenɔ si le eƒe atawo dome kple vidzĩ si wòdzi la ɖe wò ale be eya ɖeka nate ŋu aɖu wo le adzame. Le ɣeyiɣi si me woaɖe to ɖe dua la, dɔwuame kple fukpekpe si wò futɔwo ahe vɛ la nu asẽ ŋutɔŋutɔ." data/train/DEU/DEU_033_Verse_014.mp3,Mose gblɔ tso Levi ƒe viwo ŋu be: “Tsɔ wò Urim kple Tumim na wò ame kɔkɔe Levi. Èdo Levi kpɔ le Masa; nèwɔ dzre kplii le Meriba tsia gbɔ. data/train/DEU/DEU_028_Verse_063.mp3,"“Yehowa, wò Mawu la aɖe aboyo wò kple fia si nàɖo la ayi dukɔ aɖe si ŋu wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo siaa miebu kpɔ o la me, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe." data/train/DEU/DEU_019_Verse_010.mp3,na woakplɔ ame eveawo ayi nunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo gbɔ le Yehowa ŋkume. data/train/DEU/DEU_001_Verse_044.mp3,Yehowa Mawue nye míaƒe kplɔla eye wòawɔ aʋa na mí kple eƒe nukumɔ triakɔwo abe ale si wòwɔ miekpɔ le Egipte ene. data/train/DEU/DEU_015_Verse_001.mp3,Do mɔe kple lã aɖewo tso wò lãha la me kple ami tso wò amiɖaƒe kple wain tso wò wainfiaƒe. Na nui ɖe ale si Yehowa wò Mawu ayra wòe la nu. data/train/DEU/DEU_001_Verse_009.mp3,"Ke Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la kpe aʋa kpli wo, nya wo ɖe du nu abe anyiwo ene, eye wowu wo tso Seir va se ɖe keke Horma." data/train/DEU/DEU_004_Verse_011.mp3,"“Esi wòlɔ̃ mia tɔgbuiwo, eye wòdi be yeayra woƒe dzidzimeviwo tae eya ŋutɔ kplɔ mi tso Egipte kple eƒe ŋusẽ gã la ɖeɖe fia." data/train/DEU/DEU_003_Verse_018.mp3,"Míetsrɔ̃ Basan fiaɖuƒe la keŋkeŋ abe ale si míetsrɔ̃ Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe le Hesbon ene, eye míewu ameawo katã, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa." data/train/DEU/DEU_025_Verse_008.mp3,“Mele be nàŋlɔ nu si Amalekitɔwo wɔ mi esi miegbɔna tso Egipte la be gbeɖegbeɖe o. data/train/DEU/DEU_010_Verse_002.mp3,Ale metsɔ akasiati wɔ Aɖaka la. Mekpa kpe eve abe gbãtɔwo ene hetsɔ wo yi na Yehowa le to la dzi. data/train/DEU/DEU_022_Verse_018.mp3,"Ne mènya nutɔ o la, kplɔe yi wòatsi gbɔwò va se ɖe esime nutɔ nava dii, eye nàɖe asi le eŋu nɛ." data/train/DEU/DEU_016_Verse_018.mp3,"Wò Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔsa nanye alẽwo loo alo nyiwo, eye nàsa vɔ la na Yehowa, wò Mawu la le kɔkɔeƒe la." data/train/DEU/DEU_007_Verse_008.mp3,"Gawu la, Yehowa wò Mawu la aɖo nudzodzoe teamewo ɖe wo dome va se ɖe esime ame siwo tsi agbe, eye woɣla wo ɖokuiwo la hã nàtsrɔ̃." data/train/DEU/DEU_012_Verse_026.mp3,"Ne miewɔ se sia dzi la, miadze Yehowa ŋu, eye nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo siaa." data/train/DEU/DEU_002_Verse_013.mp3,"Ke Yehowa, míaƒe Mawu la na míeɖu wo dzi, xɔ woƒe duwo katã." data/train/DEU/DEU_014_Verse_004.mp3,"ekema miate ŋu adzra miaƒe agblemenukuwo kple lãwo ƒe ewolia, eye miatsɔ ga la ayi Yehowa miaƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la." data/train/DEU/DEU_020_Verse_012.mp3,"“Ne èɖe to ɖe du aɖe la, mègagblẽ woƒe kutsetsetiwo o. Na miaɖu kutsetse siwo miate ŋui. Mègana woatso atiawo ƒu anyi dzodzro o. Atiawo menye futɔwo, eye wòle be nàna woatsrɔ̃ wo o!" data/train/DEU/DEU_022_Verse_001.mp3,ekema ɖetugbi la fofo kple dadaa aɖe ɖetugbi la ƒe ŋutsumanyamanya do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la afia dua ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. data/train/DEU/DEU_015_Verse_011.mp3,Ke tsɔtsɔke sia melɔ amedzrowo ya ɖe eme o. data/train/DEU/DEU_021_Verse_013.mp3,"mele be ŋutsu la nana domenyinu Via ŋutsu ɖevitɔ, ame si dada wòlɔ̃ la wòasɔ gbɔ wu Via ŋutsu tsitsitɔ, ame si dadaa melɔ̃ o la tɔ o." data/train/DEU/DEU_029_Verse_012.mp3,"Mele nubabla sia wɔm kpli mi, ame siwo le tsitre ɖe afi sia egbe la ɖeɖe ko o," data/train/DEU/DEU_014_Verse_008.mp3,"Ke lã siwo ƒe afɔkli me fe alo woɖua nu gadzɔna la, migaɖu esiawo ya o, woawoe nye kposɔ, fɔmizi kple xɔfie, elabena togbɔ be wodzɔa nu gaɖuna hã la, woƒe afɔkli me mefe ɖe eve o, eya ta wonye lã makɔmakɔwo." data/train/DEU/DEU_001_Verse_004.mp3,"Esia va eme esi Israel ɖu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ame si nɔ Astarot la dzi le Edrei vɔ megbe." data/train/DEU/DEU_020_Verse_019.mp3,"Yehowa, mia Mawu la le yiyim kpli mi! Awɔ aʋa kple futɔ la na mi, eye wòana miaɖu dzi!’" data/train/DEU/DEU_003_Verse_016.mp3,"Meɖe kuku na wò, na made anyigba nyui si le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi dzro, be makpɔ to nyui ma kple Lebanon.”" data/train/DEU/DEU_009_Verse_002.mp3,"Egblɔ nam be maɖi yi anyigba kaba, elabena dukɔ si mekplɔ tso Egipte la gblẽ kɔ ɖo na eɖokui; eɖe asi le Mawu ƒe seawo ŋu kaba, eye wòlolõ ga hetsɔ wɔ legbae." data/train/DEU/DEU_032_Verse_017.mp3,"Futɔwo ƒe yiwo le dua godo, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me. Adzi ŋɔ na ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, na vi nonowo kple amegãɖeɖiwo." data/train/DEU/DEU_031_Verse_006.mp3,"elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialiatɔnyenye. Ne egbe si mele mia gbɔ gɔ̃ hã mienye aglãdzelawo ɖe Yehowa ŋu la, aleke gbegbe miaganye aglãdzelawo wu le nye ku megbe?" data/train/DEU/DEU_021_Verse_007.mp3,"Ele na ŋutsu la be wòawɔ dukɔa ƒe sea dzi, eye wòatsɔ Via ŋutsu suetɔ ƒe domenyinu ƒe teƒe eve ana Via ŋutsu tsitsitɔ, elabena eyae nye eƒe ŋusẽ ƒe gɔmetoto, eye etɔe nye ŋgɔgbevinyenye ƒe viɖewo katã, togbɔ be eyae nye srɔ̃ si fofoa melɔ̃ o la ƒe ŋutsuvi gbãtɔ hã.”" data/train/DEU/DEU_004_Verse_027.mp3,"Mègatsɔ naneke kpe se siwo mede na wò, eye mègaɖe naneke le wo me o, ke boŋ lé Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo mele mia nam la me ɖe asi." data/train/DEU/DEU_003_Verse_003.mp3,"“Aƒetɔ Yehowa, wò ŋutɔ ède asi wò gãnyenye kple wò abɔ sesẽ la ɖeɖe fia wò subɔla me xoxo, elabena Mawu kae le dziƒo alo anyigba dzi si ate ŋu awɔ wò nuwɔna siawo tɔgbi?" data/train/DEU/DEU_023_Verse_005.mp3,"Ele be nàxɔ deme le amedzro si, gake menye le Israelvi aɖeke si o, elabena ne èxɔ deme le nɔviwò Israelvi si la, Yehowa, wò Mawu la mayra wò ne èɖo Ŋugbedodonyigba la dzi o." data/train/DEU/DEU_029_Verse_025.mp3,"Woakpɔe be anyigba blibo la trɔ zu aŋɔ kple dze kple anyigba fiafia si dzi nuku mele o, eye ati aɖeke memie ɖe edzi hã o, abe Sodom kple Gomora kple Adma kple Zeboyim, du siwo Yehowa tsrɔ̃ le eƒe dɔmedzoe me ene." data/train/DEU/DEU_011_Verse_016.mp3,“Ke mikpɔ nyuie be miaƒe dzi nagatrɔ le Yehowa yome be miasubɔ mawu bubuwo o. data/train/DEU/DEU_002_Verse_001.mp3,"Ale míeto Edom, afi si mía nɔviwo Esau viwo nɔ le Seir. Míeto Araba mɔ si to anyigbeme yi Elat kple Ezion Geber, eye míeto dzigbeme ɖo ta Moab gbegbe la." data/train/DEU/DEU_033_Verse_002.mp3,"Egblɔ tso Naftali ŋu be: “O! Naftali, Yehowa yra wò ŋutɔ. Wò anyigba ɖo anyigbeme tso Galilea ƒu la nu.”" data/train/DEU/DEU_029_Verse_026.mp3,"Yehowa aɖe ame ma ɖe vovo tso Israelviwo ƒe towo katã gbɔ, eye wòakɔ Segbalẽ sia me fiƒode ɖe ame siwo katã mazɔ ɖe nubabla sia nu o la dzi." data/train/DEU/DEU_028_Verse_013.mp3,"Àɖu wò ŋutɔ viwò ŋutsuviwo kple viwò nyɔnuviwo ƒe lã gɔ̃ hã le ɣeyiɣi vɔ̃ siwo gbɔna, esime woaɖe to ɖe wò la me." data/train/DEU/DEU_033_Verse_003.mp3,Ele abe nyitsuvi ene Le ŋusẽ kple ɖekadzedze me. Eto dzo abe to ƒe dzowo ene; Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi. Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewo kple Manase tɔ akpe akpewo.” data/train/DEU/DEU_027_Verse_018.mp3,"“Ne ètso Yɔdan tɔsisi la, eye nèɖo Ŋugbedodonyigba la dzi la, ɖe kpe gãwo tso tɔsisi la me, eye nàtsɔ wo awɔ ŋkuɖodzikpe enumake ɖe tɔsisi la ƒe akpa kemɛ le Ebal to la gbɔ. Si akalo na kpeawo," data/train/DEU/DEU_012_Verse_021.mp3,Mitsɔ miaƒe vɔsawo kple nu siwo ŋugbe miedo na Yehowa la yi ɖe Mawusubɔƒe ɖeka ma. data/train/DEU/DEU_027_Verse_012.mp3,"“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si axɔ zãnu be yeawu ame maɖifɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”" data/train/DEU/DEU_012_Verse_028.mp3,"“Ne Yehowa, miaƒe Mawu la keke miaƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbee ene la, miate ŋu aɖu lã ɣe sia ɣi si mielɔ̃." data/train/DEU/DEU_016_Verse_012.mp3,"“Mègaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le du siwo Yehowa, wò Mawu la ana wò la dometɔ aɖeke me o," data/train/DEU/DEU_006_Verse_011.mp3,eye nàŋlɔ wo ɖe ʋɔtrutiwo ŋu le wò aƒe me! data/train/DEU/DEU_025_Verse_005.mp3,"Ke boŋ wɔ nudakpe kple dzidzeka siwo de tututu la ko ŋu dɔ, ale be wò ŋkekewo nasɔ gbɔ le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi." data/train/DEU/DEU_027_Verse_003.mp3,"eye nàŋlɔ Mawu ƒe seawo katã ɖe kpeawo dzi, gbe si gbe nèɖo tɔ la godo be nàyi anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ abe ale si Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbee ene." data/train/DEU/DEU_028_Verse_057.mp3,"“Yehowa ana wò futɔwo naɖu dziwò. Wò aʋakɔ aƒo ƒu azɔ ayi aʋa, ke atɔtɔ, aka ahlẽ le futɔwo ŋkume, eye nàtsa tsaglalã le anyigbadzidukɔwo dome." data/train/DEU/DEU_028_Verse_065.mp3,"“Yehowa ŋutɔ aƒo fi ade wò; àtɔtɔ, eye màkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ la me o va se ɖe esime wò ŋutɔ nàtsrɔ̃ mlɔeba le ale si nègblẽ Mawu ɖi la ta." data/train/DEU/DEU_029_Verse_003.mp3,"Ekplɔ mi to gbedzi ƒe blaene sɔŋ, gake miaƒe awuwo medo xoxo o, eye miaƒe tokotawo te menyi o!" data/train/DEU/DEU_020_Verse_005.mp3,Ke tso ati siwo ƒe kutsetsewo womeɖuna o la ƒu anyi; woatsɔ wo awɔ atrakpuiwo kple nu siwo ŋu dɔ nàwɔ le aʋa la wɔwɔ me.” data/train/DEU/DEU_017_Verse_015.mp3,"“Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi, eye nèxɔe la, de asi tamebubu me be, ‘Ele be fia nanɔ mía si abe dukɔ bubu siwo ƒo xlã mí la ene!’" data/train/DEU/DEU_004_Verse_000.mp3,"ale be miadze nu vɔ̃ me, eye miawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo ɖe nɔnɔme aɖeke me o; ne wowɔe wòɖi ŋutsu alo nyɔnu o," data/train/DEU/DEU_009_Verse_018.mp3,Mieɖo ŋku ale si miedo dɔmedzoe nɛ le Horeb to la gbɔ dzi oa? Enɔ klalo be yeatsrɔ̃ mi. data/train/DEU/DEU_034_Verse_006.mp3,"Kpɔ Negeb kple Yɔdan ƒe balime kple Yeriko, du si me detiwo bɔ ɖo kple Zoar ɖa." data/train/DEU/DEU_007_Verse_026.mp3,"Ɖewohĩ miabia mia ɖokuiwo be, “Dukɔ siawo sesẽ wu mí, aleke míate ŋu awɔ anya wo ɖa?”" data/train/DEU/DEU_005_Verse_011.mp3,"Mègabia ŋu hawòvi ɖe srɔ̃a ta alo ɖe eƒe aƒe, anyigba, dɔlaŋutsu, dɔlanyɔnu, nyiwo, tedziwo loo, alo nu sia nu si nye etɔ la ta o.”" data/train/DEU/DEU_027_Verse_008.mp3,"“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si adɔ lã aɖe gbɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”" data/train/DEU/DEU_024_Verse_005.mp3,"Ne ame aɖe fi nɔvia Israelvi, eye wòwɔe eƒe kluvi alo dzrae la, ele be amefila la naku ale be nu vɔ̃ naɖe ɖa le mia dome." data/train/DEU/DEU_017_Verse_007.mp3,"Le eƒe nyametsotso megbe la, womagbugbɔ nya la adrɔ̃ o. Woawɔ ɖe se la dzi nyaɖenyanui." data/train/DEU/DEU_008_Verse_001.mp3,"elabena Yehowa, miaƒe Mawu la le mia kplɔm yina anyigba nyui la dzi, afi si tɔʋuwo, tawo, tsi dzidziwo, balimewo kple towo le." data/train/DEU/DEU_034_Verse_002.mp3,"“Esiae nye ŋugbedodonyigba la. Medo ŋugbe na Abraham, Isak kple Yakob be matsɔe ana woƒe dzidzimeviwo. Azɔ la, èkpɔe, gake maɖo afɔ edzi o.”" data/train/DEU/DEU_030_Verse_011.mp3,"“Meyɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe mia ŋu be egbe la, metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom, eya ta anyo be miatia agbe ale be miawo kple mia viwo siaa mianɔ agbe!" data/train/DEU/DEU_028_Verse_010.mp3,"“Àƒã nukuwo fũu, gake nuku ʋɛ aɖewo ko nàŋe, elabena ʋetsuviwo agblẽ wò nukuawo." data/train/DEU/DEU_005_Verse_001.mp3,"Ame kae ate ŋu ase Mawu gbagbe la ƒe gbe tso dzo bibi la titina abe ale si míawo míesee ene, eye wòatsi agbe?" data/train/DEU/DEU_001_Verse_027.mp3,"Miawo ŋutɔ mienya ale si wòlé be na mí ɣe sia ɣi le gbedzi le afi sia, abe ale si fofo léa be na via ene!”" data/train/DEU/DEU_018_Verse_011.mp3,"Le kpɔɖeŋu me, ne Israelvi aɖe atsɔ via ana be woatɔ dzoe abe vɔsa na anyigba ma dzi tɔwo ƒe mawuwo ene la, ele be woawui. Mele be Israelvi aɖeke nanye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola, dzosala," data/train/DEU/DEU_004_Verse_039.mp3,"Tete Yehowa ƒo nu na mi to dzo bibi la me. Miese eƒe nyawo, gake miekpɔ eya ŋutɔ o. Eƒe gbe ko mise." data/train/DEU/DEU_020_Verse_006.mp3,"Mia dometɔ aɖe de waingble yeye aɖe, eye meɖu waintsetse aɖeke tso agble la me haɖe oa? Ekema amea nayi aƒe me! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa aɖu eƒe waintsetse la!" data/train/DEU/DEU_030_Verse_008.mp3,"Mede se na mi egbea be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miazɔ le eƒe mɔwo dzi, eye mialé eƒe sewo me ɖe asi, ale be mianɔ agbe, eye miazu dukɔ gã aɖe, ekema Yehowa ayra mi le anyigba si le mia tɔ zu ge la dzi." data/train/DEU/DEU_033_Verse_000.mp3,"Ale Israel nɔa anyi dedie; le anyigba si dzi bli kple wain bɔ ɖo, eye tsi dzana tso dziƒo ɖo." data/train/DEU/DEU_022_Verse_028.mp3,"Ɖetugbi la fofo agblɔ na wo be, “Metsɔ vinyenyɔnu na ŋutsu sia be wòaɖe. Eɖee, ke fifia edo vloe" data/train/DEU/DEU_004_Verse_020.mp3,"“Ke miagade asi Yehowa, miaƒe Mawu la didi me. Miakpɔe ne miedii kple miaƒe dzi kple luʋɔ blibo." data/train/DEU/DEU_027_Verse_001.mp3,"Ekema Levitɔwo atsi tsitre ɖe akpa eveawo dome ado ɣli agblɔ na Israel dukɔ blibo la be," data/train/DEU/DEU_005_Verse_005.mp3,"Eƒo nu kpli mi ŋkume kple ŋkume tso dzo bibi la titina le afi ma, le to la gbɔ." data/train/DEU/DEU_027_Verse_010.mp3,"“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ahasi kple fofoa srɔ̃wo dometɔ ɖeka la dzi, elabena fofoa tɔe.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”" data/train/DEU/DEU_008_Verse_006.mp3,"Ke ne mieŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, hesubɔ mawu bubuwo ɖe eteƒe, eye miedze nu vɔ̃ mɔwo dzi la, miatsrɔ̃ godoo," data/train/DEU/DEU_011_Verse_032.mp3,Womenɔ afi ma kpɔ nukunu siwo wòwɔ le Egipte ɖe Farao kple eƒe anyigba blibo la ŋu o. data/train/DEU/DEU_029_Verse_027.mp3,"Yehowa makpɔ nublanui na ame o! Eƒe dɔmedzoe kple ŋuʋaʋã abi dzo ɖe ame ma ŋu, eye fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la adze ame ma dzi, aɖi eŋu, eye Yehowa atutu eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te." data/train/DEU/DEU_022_Verse_020.mp3,"Ne wolé ŋutsu aɖe wòle ahasi wɔm la, woawu eya kple ŋutsu kemɛ srɔ̃ la siaa. To mɔ sia dzi la, woaɖe nu vɔ̃ ɖa le Israel." data/train/DEU/DEU_006_Verse_020.mp3,"Ne Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo, Abraham, Isak kple Yakob dzi, eye ne etsɔ du gã siwo me nu nyuiwo le na wò," data/train/DEU/DEU_007_Verse_009.mp3,"Ke ame siwo léa fui la, woahe to na wo le dukɔwo ŋkume, eye woatsrɔ̃ wo. Eya ŋutɔ ahe to na wo." data/train/DEU/DEU_002_Verse_036.mp3,"Yehowa, míaƒe Mawu la kpɔ mía ta, eye wòyra míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe le míaƒe mɔzɔzɔ me le ƒe blaene siawo katã me, esime míetsa tsaglalã le gbegbe gã la. Naneke mehiã mí le ɣeyiɣi ma katã me o!" data/train/DEU/DEU_020_Verse_002.mp3,"Hafi miakpe aʋa la, na nunɔla aɖe natsi tsitre ɖe Israelviwo ƒe aʋakɔ la ŋgɔ, eye wòagblɔ be," data/train/DEU/DEU_006_Verse_004.mp3,"elabena ɣe sia ɣi si míewɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe seawo katã dzi la, nu sia nu dzea edzi na mí nyuie.”" data/train/DEU/DEU_008_Verse_012.mp3,"“Miwɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi. Mizɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu, eye miavɔ̃e," data/train/DEU/DEU_019_Verse_005.mp3,"“Ke ne ame aɖe lé fu nɔvia, de xa ɖi nɛ hewui, eye wòsi yi sitsoƒedu siawo dometɔ ɖeka me la," data/train/DEU/DEU_023_Verse_016.mp3,"“Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, ele be nàtso ɖe nu si ŋugbe nèdo nɛ la wɔwɔ ŋu kaba, elabena Yehowa bia be nàxe wò adzɔgbeɖefewo kaba. Ne mèwɔ se sia dzi o la, èwɔ nu vɔ̃." data/train/DEU/DEU_002_Verse_015.mp3,"Míafi miaƒe nuɖuɖu ne míele eme tsom o, ke boŋ míaxe fe ɖe miaƒe nu si míaɖu kple miaƒe tsi si míano la ta. Nu si biam míele koe nye be míato wò anyigba dzi ayi.’" data/train/DEU/DEU_011_Verse_012.mp3,"Gerizim kple Ebal wonye towo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, afi si Kanaantɔwo le, le gbegbe si te ɖe Gilgal ŋu, afi si More ƒe ati gãwo le." data/train/DEU/DEU_005_Verse_024.mp3,"O! Ne dzi sia tɔgbi anɔ wo me ɣe sia ɣi, eye woadi be yewoawɔ nye seawo dzi la, ekema nu sia nu anyo na wo le ŋgɔgbea, eye wòanyo na wo viwo to dzidzimeawo katã me!" data/train/DEU/DEU_012_Verse_012.mp3,“Mele be miasa miaƒe numevɔwo le afi sia afi ko o; data/train/DEU/DEU_030_Verse_013.mp3,"Mitia be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la. Miaɖo toe, eye miaku ɖe eŋu, elabena eyae nye miaƒe agbe kple miaƒe agbemeŋkekewo ƒe agbɔsɔsɔ. Ekema miate ŋu anɔ dedie le anyigba si Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob la dzi.”" data/train/DEU/DEU_008_Verse_016.mp3,"Ne mieɖu nu ɖi ƒo, nuwo dze edzi na mi, mietu xɔ nyuiwo," data/train/DEU/DEU_001_Verse_019.mp3,Matsɔ anyigba la ana wo vi siwo woawo ŋutɔ wogblɔ be woaku le gbedzi. data/train/DEU/DEU_029_Verse_001.mp3,"Edi be yeali ke mi egbe abe yeƒe dukɔ ene, eye yeaka ɖe edzi na mi be yee nye miaƒe Mawu, abe ale si wòdo ŋugbee na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob ene." data/train/DEU/DEU_011_Verse_029.mp3,Womekpɔ ale si Yehowa kpɔ mia dzi ɣe sia ɣi le ƒe siwo katã me mienɔ tsaglalã tsam le gbedzi va se ɖe esime mieɖo afi sia o. data/train/DEU/DEU_030_Verse_018.mp3,"Yehowa miaƒe Mawu ana nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi, eye wòana mia viwo, miaƒe lãwo kple miaƒe agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu, elabena Yehowa agakpɔ dzidzɔ le mia ŋu, abe ale si wòkpɔe le mia tɔgbuiwo ŋu ene." data/train/DEU/DEU_032_Verse_007.mp3,"Ekeke eƒe aʋala ɖe edzi abe ale si hɔ̃ wɔna na viawo, kɔa wo ɖe eƒe aʋalã dzi, abe ale si Yehowa wɔna na viawo ene!" data/train/DEU/DEU_002_Verse_005.mp3,"Edomtɔwo ɖe mɔ na mí le Seir míeto woƒe anyigba dzi. Moabtɔwo hã wɔ nenema ke na mi le Ar. Míele mɔ dzi be míatso Yɔdan, ayi anyigba si Yehowa míaƒe Mawu tsɔ na mí la dzi.”" data/train/DEU/DEU_032_Verse_043.mp3,Woƒe ʋu atsyɔ le aŋutrɔ ŋu nye yi awu ame siwo katã tso ɖe ŋunye. Nyemakpɔ nublanui na ame siwo wɔa aʋa kplim o; abixɔlawo kple gamenɔlawo gɔ̃ hã aku. data/train/DEU/DEU_002_Verse_009.mp3,"Gblɔ na ameawo be wole wo nɔviwo, Edomtɔwo ƒe anyigba dzi to ge. Ame siawoe nye Esau ƒe dzidzimevi siwo le Seir. Dzidzi aƒo Edomtɔwo, eya ta mikpɔ nyuie." data/train/DEU/DEU_018_Verse_004.mp3,"elabena nu siae wò ŋutɔ nèbia Yehowa wò Mawu le Horeb to la dzi. Èɖe kuku le toa te le afi ma be, màgase Yehowa ƒe ŋɔdzigbe la azɔ loo alo agakpɔ dzo dziŋɔ ma le to la dzi be yeaku o." data/train/DEU/DEU_032_Verse_031.mp3,"Miekpɔ be nye koe nye Mawu oa? Mewua ame, eye menaa agbe ame. Medea abi ame ŋu, eye mewua abi. Ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre Ɖe nu si mewɔ la ŋu o." data/train/DEU/DEU_012_Verse_005.mp3,"ekema ele be miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo katã ayi kɔkɔeƒe la, afi si eya ŋutɔ atia abe eƒe nɔƒe ene." data/train/DEU/DEU_017_Verse_005.mp3,"Kpɔ egbɔ be yeɖo ame si, Yehowa, wò Mawu la atia la fiae. Ele be wòanye Israelvi, menye amedzro o." data/train/DEU/DEU_017_Verse_017.mp3,"Ne nya la nye nyateƒe la, ekema woahe ŋutsu la alo nyɔnu la ayi dua godo, eye woaƒu kpee le afi ma wòaku." data/train/DEU/DEU_028_Verse_044.mp3,"Woafli wò nyitsuwo ƒe lã le wò ŋutɔ wò ŋkume, ke woƒe lãkɔ kakɛ aɖeke gɔ̃ hã maka nu na wò o. Woanya wò tedziwo dzoe le wò ŋkume, eye womagatrɔ ava gbɔwò gbeɖe o. Woatsɔ wò alẽwo na wò futɔwo, eye ame aɖeke manɔ anyi axɔ na wò o." data/train/DEU/DEU_003_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa miaƒe Mawu tsɔ Ɔg, Basan fia hã kple eƒe dukɔ blibo la de asi na mi, eye míewu wo katã, ale be ame aɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o." data/train/DEU/DEU_028_Verse_042.mp3,"Wò ame kukuwo azu nuɖuɖu na xewo kple gbemelãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi anya wo ɖa o." data/train/DEU/DEU_033_Verse_007.mp3,"Eye Mose gblɔ tso Yuda ŋu be: “O! Yehowa, se Yuda ƒe kokoƒoƒo, na wòawɔ ɖeka kple Israel wɔ aʋa kple eƒe futɔwo nɛ.”" data/train/DEU/DEU_031_Verse_027.mp3,"Yehowa atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi abe ale si wòwɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fiawo ene." data/train/DEU/DEU_029_Verse_009.mp3,"gake va se ɖe egbe la, Yehowa mena dzi nyanu mi be miase nu gɔme o, mena ŋku mi be miakpɔ nu o, eye mena to mi be miase nu o!" data/train/DEU/DEU_032_Verse_012.mp3,esi nèklo bubu le ŋunye le Israelviwo dome le Meriba Kades le Zin gbedzi la ta. data/train/DEU/DEU_029_Verse_010.mp3,"Gbe si gbe mia dometɔ aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, ƒome aɖe alo Israel ƒe to aɖe atrɔ tso Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ be yeasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawu siawo la, gbe ma gbe la, ame ma anɔ abe ati aɖe si ƒe ke ave ɖihaɖiha, eye wòanɔ abe aɖi ene." data/train/DEU/DEU_017_Verse_006.mp3,"ku nya la me tsitotsito gbã, ne nàkpɔ be ɖikeke aɖe le nya la ƒe nyateƒenyenye me hã." data/train/DEU/DEU_026_Verse_008.mp3,"Èʋu eme egbe be Yehowae nye wò Mawu, eye nèdo ŋugbe egbe be, yeawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi, eye yeawɔ nu sia nu si wògblɔ na ye be yeawɔ." data/train/DEU/DEU_008_Verse_010.mp3,"Mieɖo ŋku ale si Yehowa miaƒe Mawu kplɔ mi to gbedzi le ƒe blaene siawo sɔŋ me, bɔbɔ mi ɖe anyi, eye wòdo mi kpɔ be yeanya nu si miawɔ kple nenye be mialé yeƒe sewo me ɖe asi loo alo mialé wo me ɖe asi o la dzi." data/train/DEU/DEU_025_Verse_018.mp3,"Woaƒoe zi blaene ko, ke mawu nenema o. Ne woƒoe wu nenema la, tohehe la asẽ akpa, eye wòaɖi gbɔ̃ nɔviwò le wò ŋkume." data/train/DEU/DEU_007_Verse_022.mp3,"Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ wo de asi na wò be nàtsrɔ̃ wo la, ele be nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègawɔ nubabla kpli wo alo nàkpɔ nublanui na wo o. Tsrɔ̃ wo keŋkeŋ." data/train/DEU/DEU_029_Verse_005.mp3,"Eme kɔ ƒãa be, mieɖo ŋku ale si mienɔ Egiptenyigba dzi, ale si miedzoe kple ale si mieto futɔwo ƒe anyigba dzi la dzi." data/train/DEU/DEU_009_Verse_026.mp3,Yehowa tsɔ kpe kpakpa eve siwo dzi Mawu tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nu ɖo la nam. Se siwo katã Yehowa de na mí le toa dzi to dzo me le miaƒe takpegbe la le wo dzi. data/train/DEU/DEU_028_Verse_009.mp3,"Àzu ŋɔdzinu, lodonu kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome, elabena Yehowa aɖe wò aƒu gbe." data/train/DEU/DEU_028_Verse_045.mp3,Woalé viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo abe kluviwo ene adzoe le gbɔwò. data/train/DEU/DEU_001_Verse_025.mp3,"Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu." data/train/DEU/DEU_005_Verse_032.mp3,"Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte kpɔ, eye Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò do goe tso teƒe ma kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi. Le esia ta Yehowa, wò Mawu la de se na wò be nàɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi." data/train/DEU/DEU_023_Verse_011.mp3,"Mègaxɔ nunana aɖeke tso gbolo aɖeke ƒe gboloho me alo tso ŋutsu siwo dɔa ŋutsuwo gbɔ la ƒe ahasiho me atsɔ na Yehowa o, elabena ame ƒomevi eve siawo nye ŋunyɔ na Yehowa, wò Mawu la." data/train/DEU/DEU_022_Verse_003.mp3,"Ekema ʋɔnudrɔ̃lawo aɖe gbe, eye woaƒo ŋutsu la," data/train/DEU/DEU_017_Verse_016.mp3,"“Ne nya aɖe dzɔ si sesẽ akpa na wò dɔdrɔ̃, le kpɔɖeŋu me, ne wotsɔ hlɔ̃nya aɖe ɖe ame aɖe ŋu le esime ɖaseɖiɖi gobii aɖeke mele eŋu o, alo ne wote ame aɖe ɖe eme la, ekema ele be nàtsɔ nya la ayi Yehowa, wò Mawu la ƒe kɔkɔeƒe," data/train/DEU/DEU_015_Verse_005.mp3,"“Ele be nàkɔ wò alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye atsu la ŋu na Yehowa, wò Mawu la. Mègana wò nyitsu si nye ŋgɔgbevi la nawɔ dɔ le agble me o, eye mègako fu le wò alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o." data/train/DEU/DEU_022_Verse_015.mp3,"“Ne èkpɔ ame aɖe, eƒe nyi alo tedzi wòdze anyi, eye nutɔ le agbagba dzem be yeafɔe ɖe tsitre la, mègatrɔ kɔ ɖe adzɔge o; yi nàkpe ɖe eŋu!" data/train/DEU/DEU_011_Verse_019.mp3,"Mifia wo mia viwo; miƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me, ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple do ŋgɔ na ŋdinuɖuɖu!" data/train/DEU/DEU_002_Verse_022.mp3,Mixe fe na wo ɖe woƒe nu si miaɖu kple woƒe tsi si ŋu dɔ miawɔ la ta.” data/train/DEU/DEU_029_Verse_020.mp3,"Ne ame sia tɔgbi se atamkaka sia, evɔ wòhegblɔ yayranyawo kɔ ɖe eɖokui dzi, eye wòbu le eƒe susu me be, “Manɔ dedie togbɔ be melé nye mɔ tsɔ hã” la, esia ahe gbegblẽ ava anyigba si wode tsii kple esi le ƒuƒui la siaa dzi." data/train/DEU/DEU_034_Verse_004.mp3,Israelviwo fae ŋkeke blaetɔ̃ le Moab tagba la va se ɖe esime funyiŋkekeawo wu nu. data/train/DEU/DEU_006_Verse_023.mp3,"Tsi wo ɖe wò asibidɛ ŋu abe dzesi ene, bla wo ɖe wò ŋgonu," data/train/DEU/DEU_011_Verse_010.mp3,"eya ta milé se siawo ɖe ta me. Mibla wo ɖe miaƒe asiwo ŋu ale be woanɔ ŋku dzi na mi, eye miawɔ wo dzi. Mibla wo ɖe miaƒe ŋgonu le miaƒe ŋkuwo dome." data/train/DEU/DEU_018_Verse_015.mp3,"“Ne èva ɖo Ŋugbedodonyigba Yehowa wò Mawu la le na wò ge dzi la, ele be nàkpɔ nyuie be dukɔ siwo le anyigba la dzi fifia la ƒe kɔnyinyi vlowo magblẽ kɔ ɖo na mi o." data/train/DEU/DEU_032_Verse_015.mp3,"Eye wògblɔ be, “Magblẽ wò ɖi nàkpɔ nu si adzɔ ɖe dziwò ɖa; ènye dzidzime si liaa kɔ Mawudzixɔse mele mewò o." data/train/DEU/DEU_024_Verse_013.mp3,Nɔ aƒea godo! Na ame si nèɣe nu la na la ŋutɔ natsɔ awɔbanu la vɛ na wò. data/train/DEU/DEU_023_Verse_024.mp3,“Ŋutsu alo nyɔnu si nye gbolo la mekpɔ mɔ anɔ Israelnyigba dzi o. data/train/DEU/DEU_014_Verse_017.mp3,“Migaɖu nu siwo ŋuti mekɔ o la dometɔ aɖeke o. data/train/DEU/DEU_010_Verse_014.mp3,"Ke mia fofowo ƒe nu nyo eŋu, eye wòlɔ̃ wo ale gbegbe be wòtia mi, wo viwo, be miaƒo dukɔwo katã ta abe ale si wòle dzedzem egbe ene," data/train/DEU/DEU_020_Verse_000.mp3,"Azɔ la, mia dometɔ aɖe le vɔvɔ̃ma? Ne ele vɔvɔ̃m la, ekema neyi aƒe me be màgade vɔvɔ̃ lãme na ame bubuawo o!’" data/train/DEU/DEU_028_Verse_031.mp3,"Mana viawo ƒe lã si ɖum wòanɔ hã wo o, le dɔtoto si va dua me esi futɔwo ɖe to ɖee ta." data/train/DEU/DEU_032_Verse_048.mp3,Yehowa ɖeka koe nɔ ekplɔm mawu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu o. data/train/DEU/DEU_033_Verse_011.mp3,"Mose gblɔ tso Benyamin ŋu be, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔe wònye ele dedie le egbɔ Yehowa tsɔ ametakpɔkpɔ ƒo xlãe, ɖenɛ tso dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.”" data/train/DEU/DEU_020_Verse_017.mp3,"“Se sia ƒe taɖodzinue nye be wòana be anyigba la dzi tɔwo makplɔ mi ade woƒe legbawo subɔsubɔ kple woƒe kɔnyinyi vɔ̃ɖiwo me, eye miato esiawo me awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu o." data/train/DEU/DEU_022_Verse_017.mp3,"“Ne èkpɔ xevi aɖe ƒe atɔ le anyigba alo le ati aɖe dzi, eye xevi suewo alo aziwo le eme le xevi sueawo dadaa te la, mègalé xeviawo dadaa kpe ɖe xevi sueawo ŋu o." data/train/DEU/DEU_011_Verse_007.mp3,ekema agana adametsi kple kelemetsi nadza na mi ale be miate ŋu akpɔ bli fũu kple waintsetse geɖewo kple ami sɔ gbɔ. data/train/DEU/DEU_012_Verse_003.mp3,"Ame si ŋuti kɔ kple ame si ŋuti mekɔ o hã ate ŋu aɖu lã ma abe ale si wòaɖu zi alo ahlɔ̃e ƒe lã ene," data/train/DEU/DEU_013_Verse_002.mp3,ekema ele be miaho aʋa ɖe du ma ŋu. Miwu dua me tɔwo kple lãwo katã hã. Migbã du la gudugudu. data/train/DEU/DEU_006_Verse_015.mp3,"Mele be nàsubɔ dukɔ siwo ƒo xlã wò la ƒe mawuwo o," data/train/DEU/DEU_021_Verse_003.mp3,"aɖe avɔ si wòta hafi wolée la da ɖi, ata avɔ bubu, eye wòanɔ wò aƒe me, afa fofoa kple dadaa ɣleti ɖeka blibo. Le esia megbe la, àte ŋu aɖee." data/train/DEU/DEU_011_Verse_001.mp3,"ale be zi ale si dziŋgɔli anɔ anyi le mia tame ko la, mi kple mia viwo miakpɔ gome le agbe vivi si le mia lalam le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo la dzi." data/train/DEU/DEU_007_Verse_018.mp3,"miekpɔ kple miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo, xaxa sesẽwo, nukunuwo kple dzesi gãwo, asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi si Yehowa, wò Mawu la tsɔ kplɔ wò do goe la dzi la dzi nyuie. Yehowa, wò Mawu la awɔ nenema ke na ame siwo vɔ̃m nèle fifia." data/train/DEU/DEU_020_Verse_014.mp3,"Ne wogbe be yewomawɔ ŋutifafa kple wò o la, ekema ele be nàɖe to ɖe dua." data/train/DEU/DEU_007_Verse_005.mp3,"Eya ta nyae bena Yehowa, wò Mawu la nye Mawu nuteƒewɔla. Ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi na dzidzime akpewo, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃a ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe seawo dzi." data/train/DEU/DEU_004_Verse_012.mp3,"Esiae nye nu si ŋuti miabu egbe: Yehowae nye Mawu le dziƒo kple anyigba afi sia; le eya megbe la, Mawu bubu aɖeke megali o!" data/train/DEU/DEU_028_Verse_008.mp3,"Àtsi dzodzodzoe le wò agbe ŋu, ànɔ agbe le vɔvɔ̃ me zã kple keli, eye naneke mana nàxɔe ase be ŋu ake ɖe ye o." data/train/DEU/DEU_029_Verse_028.mp3,"Yehowa ɖe wo ɖa kple dɔmedzoe tso woƒe anyigba dzi, eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba bubu dzi, afi si wole va se ɖe egbe.”" data/train/DEU/DEU_033_Verse_001.mp3,"Ame aɖeke mede Yehowa, Yesurun ƒe Mawu la nu o. Eɖiɖina tso dziƒo Le fianyenye kple ŋutikɔkɔe me be yeaxɔ na wò." data/train/DEU/DEU_030_Verse_005.mp3,"Ke miawo la, ele na mi be miatrɔ va Yehowa gbɔ, eye miawɔ eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi." data/train/DEU/DEU_021_Verse_022.mp3,"“Nunɔlawo, ame siwo Yehowa, wò Mawu la tia be woawɔ dɔ le yeƒe ŋkume, ayra amewo, adrɔ̃ ʋɔnu, eye woahe to na amewo la" data/train/DEU/DEU_011_Verse_020.mp3,"Mitso Yɔdan tɔsisi la, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu le mia nam la dzi." data/train/DEU/DEU_006_Verse_022.mp3,"Se siawo ƒe taɖodzinue nye woana miawo, mia viwo kple mia tɔgbuiyɔviwo miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la to eƒe ɖoɖowo katã dzi wɔwɔ me le miaƒe agbemeŋkekewo katã me. Ne miete ŋu wɔe la, ƒe geɖe siwo me nunyoname geɖewo le la anɔ mia ŋgɔ," data/train/DEU/DEU_032_Verse_027.mp3,“Mali ke dzɔgbevɔ̃e ɖe edzi matee kple nye aŋutrɔ aƒu anyi. data/train/DEU/DEU_027_Verse_014.mp3,"“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si mawɔ se siawo katã dzi o la dzi.” Eye ameawo katã agblɔ be, “Amen!”" data/train/DEU/DEU_018_Verse_012.mp3,"Maɖo nyagblɔɖila aɖe na mi tso mia dome wòanye Israelvi abe wò ene. Magblɔ nu si wòagblɔ la nɛ, eye eyae anye nye nyasela kple nyagblɔla na ameawo." data/train/DEU/DEU_026_Verse_003.mp3,"ekplɔ mí tso teƒe sia, eye wòtsɔ anyigba sia, si dzi “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la na mí." data/train/DEU/DEU_033_Verse_004.mp3,Elɔ̃ eƒe amewo ŋutɔ eƒe ame kɔkɔewo le eƒe asi me wole wò afɔtoƒe tom woxɔ woƒe ɖoɖowo tso gbɔwò. data/train/DEU/DEU_027_Verse_000.mp3,"“Ame sia ame si awɔ legba, eye wòasubɔe nenye le ɣaɣlaƒe hã, nenye aklamakpakpɛ loo alo nu si wololõ ga tsɔ wɔe, esi mawu siwo katã wowɔ kple asi nye nu si Yehowa lé fui ta la, Mawu ƒe fiƒode nava nu siawo wɔlawo dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!”" data/train/DEU/DEU_004_Verse_003.mp3,"Dukɔ blibo se Mawu ƒe gbe wòƒo nu nɛ tso dzo bibi me, abe ale si miawo miese ene, eye dukɔ la gali!" data/train/DEU/DEU_025_Verse_016.mp3,"Tso gbe ma gbe dzi la, woayɔ ŋutsu la ƒe aƒe me le Israel be, ‘Ŋutsu si woɖe tokota le afɔ na la ƒe aƒe me!’" data/train/DEU/DEU_008_Verse_000.mp3,"abe ale si Yehowa na dukɔ bubuwo tsrɔ̃ va yi la ene. Miawo hã miatsrɔ̃ nenema ke, ne miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe seawo dzi o.”" data/train/DEU/DEU_030_Verse_006.mp3,"Ke ne miaƒe dzi ato mɔ bubu, miawɔ nye seawo dzi o, ne woakplɔ mi atra mɔe, eye miasubɔ mawu bubuwo la," data/train/DEU/DEU_024_Verse_001.mp3,"eye srɔ̃a evelia hã gagbee alo ku la," data/train/DEU/DEU_018_Verse_014.mp3,"Ne èbia be, “Aleke míawɔ hafi anya ne nyagblɔɖi la tso Yehowa gbɔ loo alo metso egbɔ o?”" data/train/DEU/DEU_013_Verse_000.mp3,"be yakame aɖewo tso miaƒe dukɔ me kplɔ miaƒe dumetɔ aɖewo trae be, ‘Woasubɔ mawu siwo miesubɔ kpɔ o’ la," data/train/DEU/DEU_031_Verse_004.mp3,"egagblɔ na ameawo be, “Fifia mexɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve. Ŋutete megale ŋunye be mado go, eye magava eme o, elabena Yehowa gblɔ nam be nyematso Yɔdan tɔsisi la o." data/train/DEU/DEU_010_Verse_006.mp3,"Ele be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miasubɔe anukwaretɔe, mialé ɖe eŋu, eye miaka atam ɖe eya ɖeɖe ko ƒe ŋkɔ dzi." data/train/DEU/DEU_009_Verse_010.mp3,"“Medo gbe ɖa na Yehowa be, Aƒetɔ Yehowa, mègatsrɔ̃ wò ŋutɔ wò amewo o. Wò ŋutɔ wò domenyinu si nèɖe kple wò ŋusẽ triakɔ, eye nèɖe wo tso Egipte kple asi sesẽ." data/train/DEU/DEU_021_Verse_009.mp3,"eye wòagblɔ be, ‘Menye míaƒe asiwoe kɔ ʋu sia ɖi o, eye míekpɔ hlɔ̃ sia dodo teƒe hã o." data/train/DEU/DEU_012_Verse_014.mp3,"Miekpɔ mɔ asa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le afi sia afi ko abe ale si trɔ̃subɔlawo sãa vɔe na woƒe mawuwo ene o," data/train/DEU/DEU_007_Verse_023.mp3,"Tɔ dzo woƒe legbawo, eye wo ŋu klosalo alo sika megabiã ŋu na wò o, eye mègatsɔ wo na ɖokuiwò o, elabena ŋunyɔnue wonye na Yehowa, wò Mawu la." data/train/DEU/DEU_012_Verse_024.mp3,"“Miwɔ se ɖe sia ɖe si mede na mi la dzi. Migakpe naneke ɖe wo ŋu o, eye migaɖe naneke le wo me hã o.”" data/train/DEU/DEU_006_Verse_005.mp3,"ele be nàgblɔ nɛ be, “Míenye Farao ƒe kluviwo kpɔ le Egipte. Yehowa ɖe mí tso Egipte to eƒe ŋusẽ gã la" data/train/DEU/DEU_001_Verse_012.mp3,"Ke mieɖo eŋu nam be, “Nya si nègblɔ la nyo be woawɔ ɖe edzi.”" data/train/DEU/DEU_013_Verse_001.mp3,"dukɔ siwo ƒo xlã mi ƒe mawuwo, mawu siwo te ɖe mia ŋu alo le adzɔge ʋĩi, tso anyigba ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu’ la)," data/train/DEU/DEU_028_Verse_053.mp3,Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ ade dowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ le anyigba si dzi yim nèle la ƒe ŋkume. data/train/DEU/DEU_015_Verse_012.mp3,"Le esia teƒe la, ele be wò kple wò ƒometɔwo miaɖu lã siawo le Yehowa, wò Mawu la ŋkume ƒe sia ƒe le eƒe kɔkɔeƒe la." data/train/DEU/DEU_028_Verse_058.mp3,Yehowa ana ƒoƒoe naƒo wò tso tagbɔ va se ɖe afɔgɔme. data/train/DEU/DEU_028_Verse_041.mp3,"Togbɔ be miesɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene kpɔ hã la, mia dometɔ ʋɛ aɖewo koe asusɔ. Esiawo katã ava eme ne mèɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o." data/train/DEU/DEU_011_Verse_015.mp3,"“Ke miawo la, miekpɔ Yehowa ƒe nukunu gã siawo teƒe," data/train/DEU/DEU_032_Verse_030.mp3,Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye ŋutikɔkɔe gã ŋutɔ le eŋu! data/train/DEU/DEU_029_Verse_014.mp3,"Miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo kpɔ dɔvɔ̃wo, dzesi wɔnukuwo kple nukunu bubuawo," data/train/DEU/DEU_032_Verse_010.mp3,"Ena notsi kple lãe agbotsuwo kple gbɔ̃ damiwo Basantɔwo ƒe agbotsuwo kple gbɔ̃wo, Ena bli doku nyuitɔe Ena wòno wain nyuitɔ." data/train/DEU/DEU_027_Verse_019.mp3,"“Ne ètso Yɔdan tɔsisi la la, ɖo kpe siawo ɖe Ebal to la dzi, abe ale si megblɔ na wò ene, eye nàsi akalo na wo." data/train/DEU/DEU_028_Verse_000.mp3,"Abe ale si Yehowa kpɔ dzidzɔ le ŋuwò, wɔ nu wɔnuku mawo na wò, eye wòna nèdzi sɔ gbɔ ene la, nenema kee, le ɣeyiɣi si gbɔna me la, Yehowa akpɔ dzidzɔ le ale si wòatsrɔ̃ wò ŋu, eye nàbu le anyigba la dzi," data/train/DEU/DEU_018_Verse_020.mp3,"Yehowa gblɔ nam be, “Enyo; mawɔ wo biabia dzi na wo." data/train/DEU/DEU_032_Verse_041.mp3,"Woƒe wainkawo nye Sodom wainkawo eye Gomora gblewo me wotso. Woƒe waintsetse nye aɖi, eye wo me tsi vena." data/train/DEU/DEU_019_Verse_003.mp3,"Esia aku ɖe ale si nèwɔ eƒe se siwo katã mele dedem na wò egbe, be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu, eye nàzɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu la dzi. Ne esia va eme la, ele be nàgawɔ du bubu etɔ̃ Sitsoƒeduwoe." data/train/DEU/DEU_030_Verse_001.mp3,"ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe mi tso aboyome, ave mia nu, eye wòaƒo mia nu ƒu tso dukɔ siwo katã dome wòakaka mi ɖo la me." data/train/DEU/DEU_030_Verse_019.mp3,"Yehowa, miaƒe Mawu la akɔ mi kple mia viwo kple miaƒe tɔgbuiyɔviwo ƒe dziwo ŋuti, ale be miagalɔ̃e kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye Israel agagbɔ agbe." data/train/DEU/DEU_019_Verse_004.mp3,"eƒe dumemetsitsiwo aɖo du ɖee, ana woakplɔe ava aƒee, eye woatsɔe ade asi na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala be wòawui." data/train/DEU/DEU_031_Verse_013.mp3,"Ke Yehowa miaƒe Mawu ŋutɔ akplɔ mi, atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi, eye miaɖu wo dzi. Yosua nye miaƒe kplɔla yeye la abe ale si Yehowa do ŋugbe ene." data/train/DEU/DEU_024_Verse_017.mp3,"Trɔe yi nɛ ne ɣe ɖo to, ale be wòate ŋu awɔ eŋu dɔ le zã me, ekema woayra wò. Yehowa, wò Mawu la abui dzɔdzɔenyenyee na wò." data/train/DEU/DEU_002_Verse_035.mp3,"Yehowa míaƒe Mawu de se na mí be, “Migaho aʋa ɖe Moabtɔwo hã ŋu o, elabena nyematsɔ woƒe anyigba ƒe akpa aɖeke na mi o. Metsɔe na Lot ƒe dzidzimeviwo!”" data/train/DEU/DEU_009_Verse_011.mp3,"Megale egblɔm ake be, Yehowa, miaƒe Mawu la mele anyigba nyui sia tsɔm na mi le miaƒe nyonyo ta o, elabena mienyo o. Mienye dukɔ vɔ̃ɖi kple kɔlialiatɔwo.”" data/train/DEU/DEU_012_Verse_020.mp3,"misa wo le teƒe si Yehowa ŋutɔ atia ko. Atia teƒe aɖe tso afi si woma na toawo dometɔ ɖeka la me. Afi ma ko miasa vɔ le, eye miatsɔ miaƒe nunanawo ayi." data/train/DEU/DEU_033_Verse_023.mp3,"Woayra wò, Israel, ŋutɔŋutɔ! Ame bubu kae gakpɔ ɖeɖe tso Yehowa gbɔ? Wò akpoxɔnu kple kpeɖeŋutɔe! Eyae nye wò yi ɖaɖɛ la. Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwò eye nànya avuzi le wo dzi!”" data/train/DEU/DEU_002_Verse_025.mp3,negbe woƒe nyiwo ko. Míetsɔ woƒe nyiwo abe míaƒe fetu ene kpe ɖe afunyinu siwo míelɔ tso woƒe du siwo míexɔ me la ŋu. data/train/DEU/DEU_034_Verse_011.mp3,"Yehowa ɖii ɖe Moabnyigba dzi, le balime si dze ŋgɔ Bet Peor, gake va se ɖe egbe la, ame aɖeke menya afi si yɔdo la le o." data/train/DEU/DEU_017_Verse_013.mp3,"“Ne ame aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, le du aɖe me le anyigba blibo la dzi da le wò nubabla si nèwɔ kple Yehowa wò Mawu dzi" data/train/DEU/DEU_031_Verse_000.mp3,"Ale Mose ŋlɔ ha la ƒe nyawo da ɖi, eye wòfia ha la Israelviwo." data/train/DEU/DEU_012_Verse_031.mp3,"“Yehowa, miaƒe Mawu la atsrɔ̃ dukɔwo ne miege ɖe woƒe anyigbawo dzi. Miaxɔ woƒe anyigba, eye mianɔ edzi." data/train/DEU/DEU_001_Verse_021.mp3,"Mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le ɣe ma ɣi be, “Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame sia ame kple nɔvia kpakple amedzrowo gɔ̃ hã." data/train/DEU/DEU_021_Verse_005.mp3,ekema ele be miaƒe ametsitsiwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo nadzidze didime si le teƒea kple du siwo te ɖe teƒea ŋu la dome. data/train/DEU/DEU_014_Verse_010.mp3,Ke tɔmelã bubuawo katã siwo ŋu tsro kple adza mele o la nye nu makɔmakɔwo; migaɖu wo o. data/train/DEU/DEU_030_Verse_004.mp3,"Ke boŋ wote ɖe mia ŋu kpokploe, wole miaƒe dzi me kple miaƒe nu me, ale be miate ŋu awɔ wo dzi." data/train/DEU/DEU_010_Verse_012.mp3,eye nàwɔ ɖe Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖo siwo katã mena mi egbe la dzi ale be wòanyo na wò? data/train/DEU/DEU_003_Verse_005.mp3,Ke mia srɔ̃wo kple mia viwo ya ate ŋu anɔ afi sia le du siwo metsɔ na mi la me; woanɔ miaƒe nyiwo dzi kpɔm data/train/DEU/DEU_029_Verse_016.mp3,"Miele tsitre ɖe afi sia be miawɔ nubabla kple Yehowa, miaƒe Mawu la, eye miage ɖe nubabla si wòle wɔwɔm kpli mi egbe la me." data/train/DEU/DEU_030_Verse_010.mp3,"Menye ɖe wole atsiaƒu la godo, eye wodidi tso mia gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu agblɔ wo me nyawo na mi o." data/train/DEU/DEU_011_Verse_018.mp3,"Miaxɔ yayra ne miewɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo metsɔ le mia nam egbe la dzi," data/train/DEU/DEU_022_Verse_007.mp3,"emegbe wògblɔ be edɔ ŋutsu gbɔ kpɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, eye wòtsɔ nya ɖe eŋu be, “Menye ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ wònye hafi meɖee o” la," data/train/DEU/DEU_026_Verse_014.mp3,"Ne èwɔ alea la, awɔ wò dukɔ gã wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe, eye wòana kafukafu, bubu kple ŋkɔxɔxɔ wò. Ke hafi bubu kple ŋkɔ sia naɖo ŋuwò la, ele be nànye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, wò Mawu la abe ale si wòdi tso asiwò ene.”" data/train/DEU/DEU_020_Verse_007.mp3,"‘Miɖo tom, mi Israelviwo katã. Migavɔ̃ ne mieyi aʋa wɔ ge egbe o!" data/train/DEU/DEU_005_Verse_012.mp3,"Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo le mɔ aɖeke nu o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ɖevi siwo léa fum la ɖe wo fofowo ƒe vodadawo teƒe va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi." data/train/DEU/DEU_027_Verse_011.mp3,"“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ŋkuagbãtɔ aɖe ƒe numakpɔmakpɔ ŋu dɔ wòazu viɖe na eya ŋutɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”" data/train/DEU/DEU_009_Verse_000.mp3,"Anak ƒe viwo, ame siwo nye ame dzɔatsuwo, eye dukɔ aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe wo nu o la le wo dome." data/train/DEU/DEU_002_Verse_021.mp3,"Migaho aʋa ɖe wo ŋu o, elabena metsɔ Seir to la ƒe tonyigbawo katã na wo tegbetegbe, eye nyematsɔ woƒe anyigba ƒe kakɛ aɖeke ana mi o." data/train/DEU/DEU_009_Verse_004.mp3,eya ta metsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene mawo me esime Yehowa di be yeatsrɔ̃ mi. data/train/DEU/DEU_007_Verse_013.mp3,"Le wò seawo dzi wɔwɔ ta la, Yehowa, wò Mawu la awɔ ɖe eƒe nubabla si wòtsɔ lɔ̃ wò kple fofowòwo la dzi." data/train/DEU/DEU_009_Verse_001.mp3,"Aron ɖo xaxa gã aɖe me, elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe eŋu ŋutɔ. Ke medo gbe ɖa, eye Yehowa kpɔ nublanui nɛ." data/train/DEU/DEU_024_Verse_021.mp3,"Ɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi, eya tae mede se sia na mi." data/train/DEU/DEU_031_Verse_003.mp3,"Ede dzi ƒo na Yosua, Nun ƒe viŋutsu la be, “Sẽ ŋu eye nalé dzi ɖe ƒo elabena wòe akplɔ Israelviwo ayi anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi, eye nye ŋutɔ manɔ kpli wò.”" data/train/DEU/DEU_028_Verse_056.mp3,"“Yehowa ana nu nyuiwo wò le anyigba la dzi ale be viwòwo, wò lãwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu abe ale si wòdo ŋugbe ene." data/train/DEU/DEU_006_Verse_008.mp3,Ele be nàwɔ eƒe sewo katã dzi. data/train/DEU/DEU_024_Verse_016.mp3,"srɔ̃ŋutsu gbãtɔ mekpɔ mɔ agaɖee o, elabena ŋutsu la do ŋunyɔ nyɔnu la kpɔ. Nu sia ahe vɔ̃ va anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi." data/train/DEU/DEU_028_Verse_054.mp3,"Yehowa akplɔ kpedɔ, ŋudza, lãmedɔ bubuwo, dɔvɔ̃ kple aʋawɔwɔ ade dowòme. Ana wò agblemenukuwo nayrɔ, eye woadzi ŋɔviwo. Dzɔgbevɔ̃e siawo katã adze yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃, eye nuwò nayi." data/train/DEU/DEU_031_Verse_021.mp3,"Mose bia tso wo si be, “Le ƒe adre ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu, ɣeyiɣi si woɖo da ɖi be woatsɔ fewo ake, le Agbadɔmenɔŋkekenyui dzi," data/train/DEU/DEU_028_Verse_002.mp3,"Amedzro siwo le dowòme la anɔ hotsui kpɔm ɖe edzi," data/train/DEU/DEU_031_Verse_011.mp3,"eye wògblɔ na Mose be, “Ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ. Le wò ku megbe la, ame siawo ade asi mawu siwo le ŋugbedodonyigba la dzi la subɔsubɔ me. Woaŋlɔm be ale woagblẽ nubabla si mewɔ kple wo la me." data/train/DEU/DEU_026_Verse_009.mp3,"Kpɔ mí ɖa tso wò nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo, eye nàyra Israelviwo kple anyigba si nètsɔ na mí abe ale si nèdo ŋugbe na mía tɔgbuiwo ene. Wɔe wòanye anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.’ ”" data/train/DEU/DEU_010_Verse_001.mp3,"Afi mae Yehowa ɖe Levi ƒe viwo ɖe aga le be woakɔ nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le, eye woanɔ tsitre ɖe Yehowa ŋkume awɔ Yehowa ƒe dɔ, ade bubu eƒe ŋkɔ ŋu abe ale si wowɔna egbe ene." data/train/DEU/DEU_029_Verse_004.mp3,"elabena wosubɔ mawu bubuwo, eye nuwɔna sia tsi tsitre ɖe Mawu ƒe se la ŋu." data/train/DEU/DEU_017_Verse_019.mp3,"Se siawo xexlẽ ɣe sia ɣi ana be fia la mabu be yenyo wu Israelvi bubuawo o. Kpe ɖe esia ŋu la, axe mɔ nɛ be matrɔ tso Mawu ƒe seawo gbɔ le mɔ suetɔ kekeake nu o, eye wòana be eƒe fiaɖuɖu nadidi, eye wòadze edzi. Ekema via ŋutsuwo aɖu fia ɖe eyome.”" data/train/DEU/DEU_032_Verse_006.mp3,"egblɔ na wo be, “Mide ŋugble le se siwo katã mede na mi egbe la ŋuti, eye miade wo asi na mia viwo." data/train/DEU/DEU_004_Verse_033.mp3,"Milé ŋku ɖe wo ŋu nyuie, elabena esiae aɖe miaƒe nunya kple nugɔmesese afia dukɔ siwo ase se siawo, eye woagblɔ be, ‘Vavãe, dukɔ xɔŋkɔ sia me tɔwo nye nunyalawo kple nugɔmeselawo.’" data/train/DEU/DEU_017_Verse_000.mp3,"Ekema ame sia ame ase nya si dzɔ ɖe ame si gbe be yemaxɔ Yehowa ƒe nyametsotso o la dzi. Nu sia ana woavɔ̃, eye womagatsi tsitre ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe nyametsotso ŋu o.”" data/train/DEU/DEU_003_Verse_010.mp3,"Manase ƒe viwo xɔ Gilead ƒe akpa mamlɛtɔ kple teƒe si Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe nɔ le Argob nuto me. Woyɔa Basan ɣe aɖewo ɣi be, “Refaim ƒe Anyigba.”" data/train/DEU/DEU_001_Verse_007.mp3,Fifia miyi mianɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba dzi kple Araba ƒe balime kple Negeb kple Kanaan kple Lebanon ƒe anyigbawo dzi. Anyigba sia tso Domeƒu la ŋu va se ɖe Frat tɔsisi la ŋu. data/train/DEU/DEU_028_Verse_029.mp3,"le esime wò ŋutɔ nànɔ ahe dam ɖe edzi. Woado nugbana na wò, ke wò ya màdo naneke na wo o! Woawoe anye ta, eye wò ŋutɔ nàzu asike!" data/train/DEU/DEU_018_Verse_016.mp3,"“Ne Levitɔ aɖe tso miaƒe du aɖe me le Israel ƒe akpa sia akpa, afi si wòle koŋ, eye wòyi teƒe si Yehowa tia la nyateƒe me la," data/train/DEU/DEU_015_Verse_016.mp3,"Miɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egiptenyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi! Eya tae mele se sia dem na mi." data/train/DEU/DEU_017_Verse_011.mp3,"na nunɔlawo kple Levitɔwo, eye ʋɔnudrɔ̃la si le nya drɔ̃m le ɣe ma ɣi la natso nya la me." data/train/DEU/DEU_004_Verse_032.mp3,"Mikpɔ nyuie be miagagblẽ nubabla si Yehowa, miaƒe Mawu wɔ kpli mi la me o! Miagblẽ nubabla sia me ne miewɔ legbawo, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la de se sesẽ ɖe nu sia nu." data/train/DEU/DEU_017_Verse_014.mp3,"Ne ame si ŋu wotsɔ nya la ɖo gbe be yemaxɔ nunɔla la alo ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa Mawu ɖo na nyadɔdrɔ̃ la ƒe nyametsotso o la, nu si woawɔe koe nye be woawui. Ele be woaɖe nu vɔ̃ wɔla siawo tɔgbi ɖa le Israelviwo dome." data/train/DEU/DEU_007_Verse_004.mp3,"Etia wò, eye wòkɔ eƒe lɔlɔ̃ ɖe dziwò duu, menye esi nènye dukɔ si lolo wu bubuawo ta o, elabena wòe nye suetɔ kekeake le dukɔwo dome!" data/train/DEU/DEU_011_Verse_028.mp3,"Ne Yehowa, miaƒe Mawu la kplɔ mi yi anyigba la dzi be miaxɔe la, ekema woaɖe gbeƒã yayra le Gerizim to dzi, eye woaɖe gbeƒã fiƒode le Ebal to dzi!" data/train/DEU/DEU_006_Verse_002.mp3,"ekema kpɔ nyuie be, màŋlɔ Yehowa si kplɔ wò tso Egiptenyigba dzi, tso kluvinyenye me la be o." data/train/DEU/DEU_021_Verse_012.mp3,"mele be eƒe ŋutilã kukua natsi kadeveti la ŋuti ŋu nake o. Ele be woaɖii gbe ma gbe ke, elabena Mawu ƒo fi de ame sia ame si woatsi ɖe ati ŋuti. Mègagblẽ kɔ ɖo na anyigba si Yehowa, wò Mawu la na wò la o.”" data/train/DEU/DEU_032_Verse_000.mp3,"Afi ka mawu siwo wosaa vɔ na kple lãmi kple wain le azɔ? Mina mawu siawo natsi tsitre, axɔ na wo!" data/train/DEU/DEU_018_Verse_000.mp3,"Ame sia ame si awɔ nu siawo la anye ŋunyɔnu na Yehowa, eye esi wònye dukɔ mawo wɔa nu siawo tae Yehowa, wò Mawu la aɖe wo ɖa." data/train/DEU/DEU_024_Verse_020.mp3,"Ɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eya tae mele se sia dem na mi.”" data/train/DEU/DEU_031_Verse_028.mp3,"Yehowa atsɔ ame siwo le anyigba la dzi la ade asi na mi, eye miatsrɔ̃ wo abe ale si meɖo na mi ene." data/train/DEU/DEU_006_Verse_009.mp3,"Eya ko hafi nàwɔ nu si dze, eye wònyo le Yehowa ŋkume. Ne èwɔ ɖe eƒe sewo dzi la, nu sia nu adze edzi na wò, eye nàte ŋu ayi aɖaxɔ anyigba nyui si ŋugbe Yehowa do na tɔgbuiwòwo." data/train/DEU/DEU_007_Verse_010.mp3,"Ke migavɔ̃ wo o! Miɖo ŋku nu si Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ Farao kple Egiptenyigba blibo la" data/train/DEU/DEU_024_Verse_009.mp3,"“Ne èɣe nane na ame aɖe la, mèkpɔ mɔ nàyi eƒe aƒe me be yeaxɔ awɔbanu aɖeke o." data/train/DEU/DEU_028_Verse_018.mp3,"Dukɔwo katã le xexea me adze sii be Yehowa tɔ nènye, eye woƒe nu aku." data/train/DEU/DEU_025_Verse_002.mp3,"ekema nyɔnu la ate ɖe ŋutsu la ŋu le ametsitsiawo ŋkume, aɖe tokota le afɔ nɛ, eye wòaɖe ta ɖe mo nɛ. Le esia megbe la, nyɔnu la agblɔ be, ‘Nu siae wɔa ŋutsu si gbe be yematu ye nɔvi si ku la ƒe aƒe ɖo o.’" data/train/DEU/DEU_032_Verse_009.mp3,"Elabena nye dɔmedzoe do dzo aɖe si bina dea anyigba ƒe tume ke. Ebia anyigba kple eƒe nukuwo katã, eye wòtɔa dzo towo." data/train/DEU/DEU_019_Verse_012.mp3,"Ne ame aɖe ɖi aʋatsoɖase hegblɔ be yekpɔ ame aɖe wòwɔ nu vɔ̃ esime amea mewɔ nu vɔ̃ la o la," data/train/DEU/DEU_028_Verse_043.mp3,"Wò nyɔnu bɔbɔe si malɔ̃ be yeatu afɔ anyigba na gɔ̃ hã o la, agbe mana nu srɔ̃a lɔlɔ̃a, via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo gɔ̃ hã o." data/train/DEU/DEU_019_Verse_011.mp3,"Ne ame aɖe kple nɔvia aɖe woyi nake fɔ ge le ave me, eye fia la dzo le esi, eye wòwu nɔvia la, amewula la asi ayi du mawo dometɔ ɖeka me, eye wòanɔ dedie." data/train/DEU/DEU_010_Verse_004.mp3,Egaŋlɔ Se Ewoawo ɖe wo dzi tsɔ nam. Wonye se siwo tututu wònam tso dzo bibi la ƒe titina le toa dzi le mi katã ŋkume le to la te. data/train/DEU/DEU_029_Verse_008.mp3,"Eya ta Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe anyigba sia ŋu sesĩe nenema, ale eƒe fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la ɖi wo ŋu." data/train/DEU/DEU_003_Verse_019.mp3,Míetsɔ anyigba si míexɔ la na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe to afã la ƒe viwo. Metsɔ anyiehenyigba si tso Areor le Arnon tɔsisi la gbɔ kple Gilead to la ƒe afã kple eƒe duwo na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo. data/train/DEU/DEU_004_Verse_009.mp3,Ena miese eƒe gbe wònɔ nu fiam mi tso dziƒo. Ena miekpɔ eƒe dzo bibi gã la le anyigba dzi. Miese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina. data/train/DEU/DEU_028_Verse_021.mp3,"Ekema Yehowa agbugbɔ mi aɖo ɖe Egipte le tɔdziʋuwo me togbɔ be edo ŋugbe na mi be miagade afi ma o hã hafi! Le afi ma la, miatsɔ mia ɖokuiwo ana woaƒle abe kluviwo ene, gake ame aɖeke madi be yeaƒle mi gɔ̃ hã o.”" data/train/DEU/DEU_004_Verse_041.mp3,"Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye miagasɔ gbɔ o." data/train/DEU/DEU_002_Verse_031.mp3,"Wonye dukɔ gã sesẽ aɖe, eye wokɔ abe Anaktɔwo ene. Ke Yehowa tsrɔ̃ wo esime Amoritɔwo va anyigba la dzi, eye woxɔ wo teƒe." data/train/DEU/DEU_026_Verse_011.mp3,"Míedo ɣli, ƒo koko na Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu. Ese míaƒe gbe, eye wòkpɔ míaƒe fukpekpe, dɔwɔwɔ kple ale si wote mí ɖe toe." data/train/DEU/DEU_022_Verse_000.mp3,"Ale nàɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome. Ke ne wowɔ nu vɔ̃ sia le gbedzi, le dua godo la, woawu ŋutsu la ɖeɖe ko." data/train/DEU/DEU_006_Verse_024.mp3,"Yehowa kplɔ mí tso Egipte be yeate ŋu atsɔ anyigba sia, si ŋugbe wòdo na mía tɔgbuiwo la na mí." data/train/DEU/DEU_028_Verse_004.mp3,"Ana tsukuku, ŋkuagbã, vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya nadze dziwò;" data/train/DEU/DEU_032_Verse_014.mp3,"Eyae nye Agakpe la. Eƒe dɔ de blibo eƒe wɔnawo katã nyo, eye wodze. Mawu wɔa nuteƒe, eye vɔ̃ mele eŋu o." data/train/DEU/DEU_008_Verse_009.mp3,"miaƒe lãwo dzi, eye miaƒe klosalo kple sika sɔ gbɔ ɖe edzi la," data/train/DEU/DEU_013_Verse_005.mp3,"Le esia megbe la, ele be miaƒo woƒe nuwo katã nu ƒu ɖe ablɔ ƒe titina, eye miatɔ dzo wo. Emegbe la, miatɔ dzo du blibo la abe numevɔsa na Yehowa miaƒe Mawu, mìaƒe Mawu la ene. Mina du ma teƒe natsi anyi nenema: migana woagbugbɔe atu o." data/train/DEU/DEU_028_Verse_006.mp3,"Ànɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo kpɔm hafi woakplɔ wo adzoe abe kluviwo ene. Wò ŋkuwo atsi wo ŋu, wò dzi agbã, gake màte ŋu awɔ naneke o." data/train/DEU/DEU_003_Verse_008.mp3,"Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba blibo la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon ene.”" data/train/DEU/DEU_032_Verse_047.mp3,Yehowa kpɔ nu si wɔm Israel le; elé fu Israel ŋutɔŋutɔ. Via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo do vloe. data/train/DEU/DEU_019_Verse_000.mp3,"Ale nàte ŋu axɔ ame maɖifɔwo ɖe agbe le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi, eye ʋukɔkɔɖi dzodzro ƒe agba manɔ dziwò o." data/train/DEU/DEU_015_Verse_023.mp3,"Yehowa miaƒe Mawu ayra mi abe ale si wòdo ŋugbe ene. Miado ga na dukɔ geɖewo, gake mahiã gbeɖegbeɖe be miawo ya miado ga o! Miaɖu dukɔ geɖewo dzi, gake woawo ya maɖu mia dzi o!" data/train/DEU/DEU_005_Verse_019.mp3,Mègaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o. data/train/DEU/DEU_031_Verse_024.mp3,"Ne mekplɔ wo va ɖo anyigba si ŋugbe medo na wo tɔgbuiwo dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ ne wokpɔ lãme, nuwo nyo na wo, wosubɔ mawu bubuwo, do vlom, gblẽ nye nubabla kpli wo me," data/train/DEU/DEU_001_Verse_002.mp3,elabena Yehowa miaƒe Mawu na miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene! data/train/DEU/DEU_007_Verse_014.mp3,"Mawu atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò, eye nàtutu woƒe ŋkɔwo ɖa le anyigba la ŋkume. Wo dometɔ aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o. Ke boŋ àtsrɔ̃ wo." data/train/DEU/DEU_023_Verse_000.mp3,Ahasivi aɖeke ŋutɔ alo eƒe dzidzimevi siwo anɔ dzidzime gbãtɔ va se ɖe ewolia dzi me la mekpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒe la o. data/train/DEU/DEU_010_Verse_015.mp3,"Kpɔ ɖa, anyigba kple dziƒo ƒe kɔkɔƒe kekeake nye Yehowa, wò Mawu la tɔ." data/train/DEU/DEU_031_Verse_005.mp3,"Ekema nye dɔmedzoe abi ɖe wo ŋu, maɖe asi le wo ŋu, maɣla nye ŋkume ɖe wo, eye matsrɔ̃ wo. Nya sesẽ, dziŋɔwo adzɔ ɖe wo dzi, eye woagblɔ be, ‘Mawu megale mía dome o!’" data/train/DEU/DEU_012_Verse_016.mp3,"Migawɔ lã ƒe ʋu ŋu dɔ abe nuɖuɖu ene o, ke boŋ mitsyɔe ɖe anyigba abe tsi ene." data/train/DEU/DEU_009_Verse_014.mp3,Metrɔ gbɔ tso to bibi la dzi le esime melé kpe eve siwo dzi Mawu ŋlɔ eƒe seawo ɖo la ɖe asi. data/train/DEU/DEU_005_Verse_026.mp3,"Wɔ ɖe Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene." data/train/DEU/DEU_011_Verse_031.mp3,"Womenɔ afi ma esime Datan kple Abiram, Eliab ƒe viŋutsuwo kple Ruben ƒe dzidzimeviwo wɔ nu vɔ̃, eye anyigba ke nu mi wo, woƒe aƒemetɔwo, agbadɔwo kple woƒe nuwo katã le Israelviwo katã ŋkume o!" data/train/DEU/DEU_007_Verse_025.mp3,"Yehowa, wò Mawu la maɖe mɔ be miaɖe wo katã ɖa zi ɖeka o, ne menye nenema o la, lã wɔadãwo adzi asɔ gbɔ aɖe to ɖe wò." data/train/DEU/DEU_026_Verse_001.mp3,"Egiptetɔwo wɔ fu mí, wɔ mí kluviwoe, eye wode dɔ sesẽwo asi na mí." data/train/DEU/DEU_032_Verse_039.mp3,Tɔnyee nye hlɔ̃biabia. Ɣeyiɣi hena nye tohehe eƒe futɔwo ɖo woƒe afɔwo ada; elabena woƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo! data/train/DEU/DEU_022_Verse_013.mp3,"“Mègaƒã nuku bubuwo ɖe wò waintiwo dome o; ne menye nenema o la, nukuawo kple waintsetseawo katã azu nu kɔkɔewo na nunɔlawo." data/train/DEU/DEU_032_Verse_026.mp3,Maka eƒe amewo ahlẽ ale be ame aɖeke magaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã o. data/train/DEU/DEU_019_Verse_017.mp3,Nu sia ta meɖoe na wò be nàtia du etɔ̃ da ɖi na ɖokuiwò. data/train/DEU/DEU_001_Verse_005.mp3,"evɔ wònye eyae kplɔ mi le mɔzɔzɔ blibo la me, tia teƒe nyuitɔwo na mi be miaƒu asaɖa anyi ɖo. Ekplɔ mi kple dzo bibi le zã me kple lilikpo dodo le ŋkeke me." data/train/DEU/DEU_013_Verse_006.mp3,"migalɔ̃ o, eye migakpɔ nublanui nɛ hã o. Migaɖee tso to si woahe nɛ la me o, eye migaɣla nya vɔ̃ɖi si wògblɔ na mi la hã o." data/train/DEU/DEU_032_Verse_002.mp3,"Aleke wɔ futɔ ɖeka pɛ anya wo dometɔ akpe ɖeka eye futɔ eve ko nanya akpe ewo? Ne menye woƒe Agakpee ɖe asi le wo ŋu, eye Yehowa ŋutɔe tsrɔ̃ wo o?" data/train/DEU/DEU_005_Verse_002.mp3,"Bu fofowò kple dawò. Ɖo ŋku edzi be esiae nye Yehowa, wò Mawu la ƒe se. Ne èwɔ ɖe edzi la, ànɔ agbe didi, eye wòadze edzi na wò le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi." data/train/DEU/DEU_007_Verse_020.mp3,"Ne viwòwo ɖe wo viwo la, viwòwo asubɔ woƒe mawuwo godoo. Ekema Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe ŋuwò, eye Yehowa atsrɔ̃ wò kokoko." data/train/DEU/DEU_009_Verse_012.mp3,"Menye esi mienye ame nyui dzɔdzɔewo tae Yehowa anya wo ɖa le mia ŋgɔ ɖo o! Megale egblɔm na mi be, dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae hekpe ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋugbe si wòdo na mia fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ŋu ta koe." data/train/DEU/DEU_001_Verse_034.mp3,"Nu kae le míawɔ ge? Mía nɔvi ŋkutsalawo ƒe ɖaseɖiɖi do ŋɔdzi na mí. Wobe, ‘Anyigba la dzi tɔwo nye ame dzɔatsu sesẽwo, eye gli siwo woɖo ƒo xlã woƒe duwo la kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli! Wokpɔ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma.’ ”" data/train/DEU/DEU_001_Verse_024.mp3,"Megblɔe na wo, gake womeɖo tom o, ke boŋ wogatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo ŋuti heyi tonyigba la dzi hena aʋawɔwɔ." data/train/DEU/DEU_011_Verse_024.mp3,"“Ne miawɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo katã mele mia na ge egbe la dzi pɛpɛpɛ, eye ne mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo, eye miasubɔe la," data/train/DEU/DEU_022_Verse_002.mp3,"ekema ʋɔnudrɔ̃lawo akplɔ nyɔnu la ayi fofoa ƒe aƒememɔnu, afi si dua me ŋutsuwo aƒu kpee le wòaku. Ewɔ nu vɔ̃, eye wògblẽ kɔ ɖo na Israel to gbolowɔwɔ me le edzilawo ƒe aƒe me. Ele be miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome." data/train/DEU/DEU_028_Verse_017.mp3,"Dukɔ sia me tɔwo nye ame nyanyrawo, ame siwo makpɔ nublanui na ɖeviwo alo ame tsitsiwo o." data/train/DEU/DEU_033_Verse_020.mp3,"Wò se siwo mede na wo la, esiwo nye Yakob ha la ƒe domenyinu." data/train/DEU/DEU_005_Verse_023.mp3,"“Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi." data/train/DEU/DEU_027_Verse_013.mp3,"“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aɖɔli teƒe na liƒoti le eya ŋutɔ ƒe anyigba kple nɔvia tɔ dome la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”" data/train/DEU/DEU_018_Verse_001.mp3,"ate ŋu asubɔ le Yehowa, Mawu ƒe ŋkɔ me abe nɔvia Levitɔ bubuawo katã siwo subɔna le afi ma le Yehowa ŋkume ene." data/train/DEU/DEU_012_Verse_011.mp3,"Ke ne mietso Yɔdan tɔsisi la heɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye Yehowa, miaƒe Mawu na dzudzɔ mi, eye wòna mievo tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me la," data/train/DEU/DEU_002_Verse_026.mp3,"Nenema ke Yehowa kpe ɖe Esau ƒe dzidzimeviwo ŋu le Seir to la gbɔ, eye wotsrɔ̃ Horitɔwo, ame siwo nɔ afi ma do ŋgɔ na wo." data/train/DEU/DEU_004_Verse_028.mp3,"Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si Yehowa wɔ le Baal Peor kple miaƒe ŋkuwo. Yehowa, miaƒe Mawu la tsrɔ̃ ame siwo katã dze Baal Poer yome la le mia dome." data/train/DEU/DEU_029_Verse_015.mp3,"Miekpɔ woƒe mawu ɖigbɔ̃ siwo wowɔ kple ati, kpe, klosalo kple sika." data/train/DEU/DEU_013_Verse_014.mp3,"ne eƒe nyagblɔɖiwo vaa eme, gake wògblɔna be, ‘Miva, mina míasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawuwo’ la," data/train/DEU/DEU_023_Verse_022.mp3,"Yehowa wò Mawu meɖo to Balaam o, ke boŋ etrɔ fi si wòdi be yeaƒo ade mí la wòzu yayra na mí, elabena Yehowa lɔ̃ mí." data/train/DEU/DEU_028_Verse_061.mp3,"Yehowa aʋu dziƒo nu, tsi adza na wò, eye wòana agblemenukuwo wò ɣe sia ɣi. Ayra nu sia nu si nàwɔ; àdo nugbana na dukɔ geɖewo, gake wò ŋutɔ ya màdo nugbana le wo si o." data/train/DEU/DEU_002_Verse_007.mp3,"“Emitɔwo nɔ afi ma tsã. Wonye dukɔ gã aɖe, eye wodzɔ atsu abe Anak ƒe viwo ene." data/train/DEU/DEU_004_Verse_029.mp3,“Mida ŋku ɖe xexea me ƒe ŋutinya me tso keke esime Mawu wɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi. Midii tso dziƒo ƒe akpa ɖeka yi akpa bubu ne miakpɔe ɖa be nya sia tɔgbi dzɔ kpɔ mahã. data/train/DEU/DEU_001_Verse_036.mp3,"Tete mieʋu eme be, “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Míayi anyigba la dzi, awɔ aʋa ɖe eta abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míawɔ ene.” Ale wokpla woƒe aʋawɔnuwo hebu be yewoaɖu anyigba blibo la dzi tɔwo dzi bɔbɔe." data/train/DEU/DEU_016_Verse_007.mp3,"Le ŋkeke ade siwo adze eyome me la, màɖu abolo ʋaʋã aɖeke o, ke le ŋkeke adrelia gbe la, du sia du me tɔwo akpe ta ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mègawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o.”" data/train/DEU/DEU_008_Verse_003.mp3,"Ena mana mi mieɖu le gbedzi. Mana nye abolo aɖe si tɔgbi ame aɖeke mekpɔ kpɔ do ŋgɔ o. Mawu wɔ esia be miabɔbɔ mia ɖokui ale be miaƒe ŋuɖoɖo ɖe ye ŋu nadzi ɖe edzi, eye yeawɔ nyui na mi." data/train/DEU/DEU_004_Verse_031.mp3,"Mietsi tsitre ɖe to la te, dzo ƒe aɖewo do tso to la me yi keke dziŋgɔli me ke, eye lilikpo yibɔwo kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã to la." data/train/DEU/DEU_023_Verse_006.mp3,"Ele be sofi nanɔ ŋutsu ɖe sia ɖe si. Ne ede afɔdzi la, ele be wòatsɔ sofi la, eye wòaku ke atsyɔ afɔdzi la dzi." data/train/DEU/DEU_028_Verse_040.mp3,"Nublanuikpɔnamela gãtɔ siwo le dowòme la asẽ ŋuta le eya ŋutɔ nɔvia ŋutsu, srɔ̃a lɔlɔ̃a kple via siwo aganɔ agbe la ŋu." data/train/DEU/DEU_024_Verse_002.mp3,"“Mègate agbatedɔwɔla aɖeke ɖe to gbeɖe o, eɖanye nɔviwò Israelvi loo alo amedzro si le wò du me o." data/train/DEU/DEU_033_Verse_028.mp3,Yehowa zu fia le Yesurun esime Israel ƒe towo kpe ta. data/train/DEU/DEU_008_Verse_018.mp3,"To ƒe blaene siawo katã me la, miaƒe awuwo mevuvu o, eye miaƒe afɔwo meɖo loholoho alo te o." data/train/DEU/DEU_026_Verse_018.mp3,"Yehowa hã ʋu eme egbe be ànye yeƒe dukɔ abe ale si wòdo ŋugbe ene, eye wòbia tso asiwò be nàwɔ yeƒe sewo katã dzi." data/train/DEU/DEU_002_Verse_010.mp3,"Horitɔwoe nɔ Seir tsã, ke Edomtɔwo, Esau ƒe dzidzimeviwo nya wo hexɔ wo teƒe abe ale si Israelviwo ava xɔ Kanaantɔwo, ame siwo ƒe anyigba Yehowa tsɔ na Israelviwo la teƒe ene." data/train/DEU/DEU_002_Verse_008.mp3,Eye Sixɔn kple eƒe aʋakɔ blibo la ho aʋa va kpe mí le Yahaz. data/train/DEU/DEU_027_Verse_020.mp3,"“Ne mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieɖo ŋugbedodonyigba la dzi la, ame siwo atsi tsitre ɖe Gerizim to la dzi, ayra dukɔ la woe nye Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Yosef kple Benyamin ƒe dzidzimeviwo," data/train/DEU/DEU_033_Verse_006.mp3,"Ewɔ wò ɖoɖowo dzi, ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo, eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo, fofowo kple dadawo gɔ̃ hã." data/train/DEU/DEU_011_Verse_004.mp3,"Anyigba nyui aɖe si dzi towo kple balimewo le, eye tsi dzana le nyuie la wònye," data/train/DEU/DEU_024_Verse_022.mp3,"Ɖo ŋku nu si Yehowa, wò Mawu la wɔ Miriam esi miegbɔna tso Egipte la dzi." data/train/DEU/DEU_001_Verse_029.mp3,Miyi miaxɔe abe ale si wògblɔ na mí ene. Migavɔ̃ o. Migake ɖi gɔ̃ hã o.” data/train/DEU/DEU_018_Verse_009.mp3,"Ke nyagblɔɖila si ada alakpa be yeƒe nya tso gbɔnye la aku. Nenema ke nyagblɔɖila ɖe sia ɖe si agblɔ be yeƒe nya tso mawu bubuwo gbɔ la, aku.”" data/train/DEU/DEU_001_Verse_046.mp3,"Ƒe blaene nye esi va yi, esi Yehowa, míaƒe Mawu la gblɔ na mí le Horeb to la gbɔ be, “Mienɔ afi sia wòdidi." data/train/DEU/DEU_019_Verse_018.mp3,"Woabia gbe wo tsitotsito, eye ne wokpɔ be ɖasefo la ka aʋatso la," data/train/DEU/DEU_003_Verse_006.mp3,Ke mieha woƒe nyiwo kple afunyinuwo na mía ɖokuiwo. data/train/DEU/DEU_022_Verse_025.mp3,"woakplɔ ɖetugbi la kple ŋutsu si de asi eŋu siaa ayi du la godo, eye woaƒu kpe wo woaku. Woawu ɖetugbi la, elabena medo ɣli be woaxɔ na ye o. Woawu ŋutsu la, elabena ede asi nyɔnu si ta ŋutsu bubu bia la ŋu." data/train/DEU/DEU_022_Verse_011.mp3,“Mègade kɔkuti ɖeka ma kɔ na nyitsu kple tedzi hena dɔwɔwɔ le wò agble me o. data/train/DEU/DEU_009_Verse_027.mp3,"Ɖe asi le ŋunye matsrɔ̃ wo, matutu woƒe ŋkɔwo ɖa le dziƒoa te, eye mawɔ wò boŋ wò dzidzimeviwo woazu dukɔ si akpɔ ŋusẽ, eye wòalolo wu Israel.”" data/train/DEU/DEU_012_Verse_009.mp3,"gake migaɖu lã si me ʋu le la o, elabena lã ƒe agbe le eƒe ʋu me, eye mele be miaɖu agbe la kple lã la o." data/train/DEU/DEU_017_Verse_018.mp3,"“Ne woɖoe fiae, eye wònɔ eƒe fiazikpui dzi abe fia ene la, ekema ele be wòaŋlɔ se siawo katã tso agbalẽ si le Levitɔwo, ame siwo nye nunɔlawo la si me." data/train/DEU/DEU_004_Verse_036.mp3,"Ne vevesese ƒe ŋkeke mawo va tu mi emegbe la, miatrɔ ava Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ mlɔeba, eye miaɖo to eƒe nyawo azɔ," data/train/DEU/DEU_027_Verse_021.mp3,"“Sa ŋutifafavɔ hã ɖe edzi, eye nàɖu nu kple dzidzɔ le afi ma le Yehowa wò Mawu ƒe ŋkume." data/train/DEU/DEU_012_Verse_019.mp3,"Mikpɔ nyuie be miagaŋlɔ Levitɔwo be o, zi ale si mienɔ miaƒe anyigba dzi." data/train/DEU/DEU_023_Verse_007.mp3,"Ele be ŋutsu ɖe sia ɖe si gblẽ kɔ ɖo na eɖokui to ŋutsutsinyenye me le zã me la nado le asaɖa la me," data/train/DEU/DEU_011_Verse_011.mp3,"eya ta wòle be miawɔ se siwo mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ ale be miate ŋu akpɔ ŋusẽ be miayi anyigba si dzi miele gege ge ɖo fifia, eye miaxɔe." data/train/DEU/DEU_012_Verse_000.mp3,"Afi mae miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo, miaƒe nukpɔkpɔ ƒe akpa ewolia, miaƒe vɔsa siwo woatsɔ ana Mawu to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me, miaƒe adzɔgbeɖefewo, lɔlɔ̃nununanawo kple miaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ayi." data/train/DEU/DEU_007_Verse_017.mp3,"Mègaɖe srɔ̃ tso wo dome o, eye mègaɖe mɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo naɖe wo vinyɔnuwo kple wo viŋutsuwo o." data/train/DEU/DEU_007_Verse_016.mp3,"“Mègavɔ̃ dukɔ mawo o, elabena Yehowa, wò Mawu la le mia dome; Mawu ŋusẽtɔ kple ŋɔdzitɔ wònye." data/train/DEU/DEU_029_Verse_000.mp3,"Amewo abia be, “Nu ka ta Yehowa wɔ anyigba sia alea ɖo? Nu ka ta wòdo dɔmedzoe nenema gbegbe ɖo?”" data/train/DEU/DEU_018_Verse_007.mp3,"Ele be woatsɔ nyitsu kple alẽ ɖe sia ɖe si woatsɔ vɛ na vɔsasa la ƒe abɔ, glã kple dɔgbo na nunɔlawo." data/train/DEU/DEU_028_Verse_032.mp3,"Menye nu siawo ɖeɖe ko ava dziwò o! Yehowa ahe dɔléle ɖe sia ɖe si le xexea me la, esiwo dzi wometɔ asii le Segbalẽ sia me o hã ava dziwò va se ɖe esime nàtsrɔ̃ gbidigbidi." data/train/DEU/DEU_003_Verse_027.mp3,"Woxɔ Araba gbegbe si Yɔdan tɔsisi la do liƒo na le ɣetoɖoƒe, tso Kineret va se ɖe Pisga kple Dzeƒu la, si wogayɔna be Araba ƒu la ŋu." data/train/DEU/DEU_019_Verse_021.mp3,"Ɖe mɔwo ɖe wo dome, eye nàma anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm abe wò domenyinu ene la ɖe akpa etɔ̃ me, ale be ne ame aɖe wu nɔvia la, wòasi ayi afi ma." data/train/DEU/DEU_007_Verse_003.mp3,Esi wòlɔ̃ wò kple ale si wòwɔ atam si wòka na tɔgbuiwòwo dzi ta koe. Eya ta wòɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi to eƒe ŋusẽ gã ɖeɖe fia kple nukunu triakɔwo wɔwɔ me. data/train/DEU/DEU_028_Verse_019.mp3,"“Dziƒowo asẽ dzi me abe akɔbli ene ɖe wò tame, eye anyigba anɔ abe gayibɔ ene ɖe tewò." data/train/DEU/DEU_022_Verse_006.mp3,"ele be ŋutsu la naxe fe aɖe na ɖetugbi la fofo ekema aɖe ɖetugbi la, eye magbee akpɔ o." data/train/DEU/DEU_003_Verse_012.mp3,"Mègavɔ̃ dukɔ siwo le afi ma la o, elabena Yehowa, wò Mawu la awɔ aʋa na wò.”" data/train/DEU/DEU_009_Verse_029.mp3,"Ɛ̃, mienɔ aglã dzem ɖe Yehowa ŋu tso gbe si gbe ke menya mi," data/train/DEU/DEU_032_Verse_034.mp3,"Ne èkpɔ anyigba la ɖa la, ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ abe ale si nɔviwò Aron ku le Hor to la dzi, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔe ene," data/train/DEU/DEU_018_Verse_010.mp3,"Kpe ɖe esiawo ŋu la, nunɔlawo axɔ nuku siwo wotsɔ vɛ hena akpedada na Yehowa. Nu siawoe nye bli yeye, wain yeye, ami kple fu si woko le lãwo ŋuti," data/train/DEU/DEU_004_Verse_021.mp3,"Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome." data/train/DEU/DEU_030_Verse_000.mp3,"ekema mele kpe ɖom edzi na mi be miatsrɔ̃ kokoko. Mianɔ agbe wòadidi, eye wòanyo na mi le anyigba si xɔ ge miala la dzi o." data/train/DEU/DEU_005_Verse_000.mp3,"Ale Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be miawɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi, miazɔ ɖe eƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe nu tututu, eye miazɔ le mɔ si wòta na mi la dzi pɛpɛpɛ." data/train/DEU/DEU_024_Verse_008.mp3,"Ne èle wò nukuwo xam le wò agble me, eye nèŋlɔ nuku babla aɖe be ɖe agblea me la, mègatrɔ yi ɖatsɔe o. Gblẽe ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Ekema Yehowa, wò Mawu la ayra wò asinudɔwo katã woadze edzi na wò." data/train/DEU/DEU_016_Verse_009.mp3,"Mègana amɔʋãtike aɖeke nanɔ wò aƒe me le ŋkeke adreawo me o. Gawu la, mègana Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe lã la ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o." data/train/DEU/DEU_015_Verse_010.mp3,"“Ke ne mieva ɖo anyigba si Yehowa miaƒe Mawu ana mi dzi, eye ame dahe aɖewo le mia dome la, mele be miasẽ dzi me alo amia asiʋlome ɖe ame daheawo ŋu o." data/train/DEU/DEU_001_Verse_020.mp3,"Mawu nagana miadzi ɖe edzi zi akpeakpewo wu, eye wòayra mi abe ale si wòdo ŋugbee ene." data/train/DEU/DEU_023_Verse_019.mp3,"Nu si ta mede se sia ɖoe nye be, dukɔ siawo mena nuɖuɖu kple tsi mí esi mietso Egipte va ɖo wo gbɔ o. Gawu la, woxe fe na Balaam, Beor ƒe viŋutsu, tso Petor le Aram Naharaim be wòaƒo fi ade mí." data/train/DEU/DEU_010_Verse_000.mp3,"Abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene la, menɔ to la dzi le Yehowa ŋkume zi evelia ŋkeke blaene kple zã blaene, abe ale si mewɔ zi gbãtɔ ene. Yehowa ɖo to nye kokoƒoƒo, eye metsrɔ̃ mi o." data/train/DEU/DEU_012_Verse_022.mp3,"Mitsɔ vɔsa siwo woame, woafia keŋkeŋ la da ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi. Mitsɔ vɔsa siwo ƒe lã miaɖu, eye miakɔ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la dzi la hã yi afi ma ke." data/train/DEU/DEU_004_Verse_010.mp3,"Enya dukɔ siwo sesẽ wu mi sãa la ɖa, eye wòtsɔ woƒe anyigbawo na mi abe domenyinu ene, abe ale si wòle egbe ene." data/train/DEU/DEU_004_Verse_005.mp3,"ekema dziƒo kple anyigba anye ɖasefowo be woatsrɔ̃ mi kaba le anyigba la dzi. Fifia, esusɔ vie miatso Yɔdan tɔsisi la, eye miaxɔ anyigba ma. Ke miaƒe ŋkekewo le afi ma anɔ kpuie, elabena woatsrɔ̃ mi keŋkeŋ." data/train/DEU/DEU_001_Verse_006.mp3,"Eya ta mitia ŋutsu aɖewo tso to sia to me, ame siwo nye nunyalawo, nugɔmeselawo kple nuteƒekpɔlawo, eye maɖo wo miaƒe kplɔlawo.”" data/train/DEU/DEU_010_Verse_011.mp3,"Eyae nye wò kafukafu, eye wòganye wò Mawu, ame si wɔ nukunu gã siwo teƒe miawo ŋutɔ miekpɔ." data/train/DEU/DEU_027_Verse_016.mp3,Mose de se siawo na Israelviwo gbe ma gbe ke. data/train/DEU/DEU_032_Verse_029.mp3,"Mawu, dziƒoʋĩtɔ la, ma xexea me ɖe dukɔwo dome ena mawudɔla ɖeka dukɔ ɖe sia ɖe be wòanye dzikpɔla nɛ." data/train/DEU/DEU_013_Verse_008.mp3,"Migatsɔ woƒe nuwo dometɔ aɖeke na mia ɖokuiwo o! Ekema Yehowa miaƒe Mawu aɖe asi le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la ŋu, akpɔ nublanui na mi, eye wòawɔ mi dukɔ gã aɖe abe ale si wòdo ŋugbe na mia tɔgbuiwo ene." data/train/DEU/DEU_010_Verse_009.mp3,"eya ta mikɔ miaƒe nu vɔ̃ dziwo ŋu, eye miadzudzɔ kɔlialiatɔwo ƒe agbenɔnɔ." data/train/DEU/DEU_004_Verse_013.mp3,"Ewɔ nu siawo ale be miadze sii, be Yehowae nye Mawu, eye mawu bubu aɖeke megali abe eya ene o." data/train/DEU/DEU_001_Verse_015.mp3,"Ke Yehowa gblɔ nam be, “Gblɔ na wo bena, ‘Miekpɔ ayi awɔ aʋa o, elabena nyemanɔ kpli mi o. Miaƒe futɔwo aɖu mia dzi.’ ”" data/train/DEU/DEU_001_Verse_037.mp3,"Wò kpeɖeŋutɔ, Yosua, Nun ƒe viŋutsu akplɔ Israelviwo ɖe tewòƒe woade afi ma. De dzi ƒo nɛ esi wòle dzadzram ɖo hena ameawo kpɔkplɔ." data/train/DEU/DEU_016_Verse_003.mp3,"Enye ɣeyiɣi si dzi nàtso aseye le, le Yehowa wò Mawu ŋkume kple wò ƒometɔwo kple wò dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo. Mègaŋlɔ Levitɔwo, amedzrowo, ahosiwo kple tsyɔ̃evi siwo le mia dome la be o. Kpe wo be woava ɖu ŋkekenyui la kpli wò le kɔkɔeƒe la." data/train/DEU/DEU_016_Verse_006.mp3,ke boŋ nàɖui le teƒe si Yehowa wò Mawu atia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Tsɔ lã la sa vɔe le afi ma le ŋkekenyui la ƒe fiẽ me ne ɣe ɖo to. data/train/DEU/DEU_012_Verse_010.mp3,"ke boŋ mitu kɔkɔeƒe aɖe ɖe afi si Yehowa, miaƒe Mawu ŋutɔ afia asii na mi abe eƒe aƒe ene le miawo ŋutɔ mia dome." data/train/DEU/DEU_002_Verse_017.mp3,“Mienɔ to sia ŋu wòdidi. Mitrɔ ɖo ta anyiehe lɔƒo. data/train/DEU/DEU_014_Verse_021.mp3,"Ne mieɖo afi ma la, ekema mitsɔ ga la ƒle nyitsu ɖeka kple alẽ ɖeka, eye miadze wain alo aha sesẽ aɖe, miaɖu nu le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye kple miaƒe aƒemetɔwo." data/train/DEU/DEU_003_Verse_011.mp3,"Mede se na mi be, “Yehowa, miaƒe Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne woanye mia tɔ. Mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israelviwo ŋgɔ." data/train/DEU/DEU_007_Verse_011.mp3,"Ke Yehowa, wò Mawu la atsɔ wo ade asi na wò, ana woatɔtɔ va se ɖe esime woatsrɔ̃." data/train/DEU/DEU_001_Verse_011.mp3,"Ke mi dzidzime xoxo ma me viwo ya la, mitrɔ fifi laa, miagbugbɔ aɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ.”" data/train/DEU/DEU_029_Verse_023.mp3,"vidzĩwo, mia srɔ̃wo, miaƒe amedzrowo, nakefɔlawo kple tsikulawo katã mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume egbea." data/train/DEU/DEU_003_Verse_028.mp3,"Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã du siawo, eye wode gakpogbowo wo nu. Míexɔ du siwo katã womeɖo gli ƒo xlãe o la hã." data/train/DEU/DEU_005_Verse_028.mp3,"Yehowa lɔ̃ ɖe miaƒe biabia la dzi, eye wògblɔ nam be, “Mese nya si wò ameawo gblɔ na wò; melɔ̃ ɖe edzi." data/train/DEU/DEU_031_Verse_023.mp3,"Mose yɔ Yosua hegblɔ nɛ le Israelviwo katã ŋkume be, “Kpɔ ŋusẽ! Lé dzi ɖe ƒo, elabena wòe akplɔ ame siawo ayi anyigba si ŋugbe Yehowa do na wo tɔgbuiwo la dzi. Kpɔ egbɔ be woxɔ anyigba la." data/train/DEU/DEU_029_Verse_022.mp3,"Nu ɣaɣlawo nye Yehowa, mía Mawu tɔ; ke nu siwo wòɖe fia mí la nye míawo kple mía viwo tɔ tegbee, ale be míawɔ se sia me nyawo katã dzi." data/train/DEU/DEU_008_Verse_020.mp3,"ɣe ma ɣi tututue wòle be miaɖɔ ŋu ɖo be miagaŋlɔ Yehowa, míaƒe Mawu, si kplɔ mi tso miaƒe kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la be o." data/train/DEU/DEU_010_Verse_007.mp3,"Ele be miawo hã mialɔ̃ amedzrowo, elabena miawo hã mienye amedzrowo le Egiptenyigba dzi kpɔ." data/train/DEU/DEU_032_Verse_049.mp3,"“Yi Nebo to la dzi le Abarim towo dome le Moabnyigba dzi le Yeriko kasa. Yi to la tame ke, eye nàkpɔ Kanaanyigba la, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa." data/train/DEU/DEU_014_Verse_022.mp3,"Ne teƒe si Yehowa miaƒe Mawu tia abe eƒe kɔkɔeƒe ene didi ale gbegbe be manɔ bɔbɔe be miatsɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia ayi afi ma ke o la," data/train/DEU/DEU_009_Verse_005.mp3,"Ke Yehowa, wò Mawu la anɔ ŋgɔ na wò abe dzo si fiaa nu ene be yeatsrɔ̃ wo ale be nàte ŋu aɖu wo dzi kaba, eye nànya wo ɖa le anyigba la dzi." data/train/DEU/DEU_005_Verse_003.mp3,"Emegbe la, wò ŋutɔ nàtrɔ va, atsi tsitre ɖe axanye le afi sia, matsɔ nye seawo katã na wò, nàfia seawo ameawo ne woawɔ wo dzi le anyigba si mele wo na ge la dzi.”" data/train/DEU/DEU_016_Verse_001.mp3,"Ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, le kɔkɔeƒe la zi etɔ̃ le ƒe sia ƒe me hena ŋkekenyui siawo ɖuɖu: Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui, Agbadɔmeŋkekenyui. Ele be nàtsɔ nunana aɖe vɛ na Yehowa le ŋkekenyui siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi." data/train/DEU/DEU_032_Verse_046.mp3,Yehowa kpɔ eta le gbedadaƒo afi si gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le eɖee tso lã wɔadãwo ƒe asi me abe eƒe ŋkuviwoe wònye ene. data/train/DEU/DEU_007_Verse_000.mp3,"elabena wò la, dukɔ kɔkɔe nènye, eye wotsɔ wò na Yehowa, wò Mawu la. Etia wò tso xexemedukɔwo katã dome be nànye yeƒe dukɔ tiatia." data/train/DEU/DEU_026_Verse_016.mp3,"Nyemeka asi nu ewolia ƒe ɖeka ŋu esi nye ŋuti mekɔ o, le kpɔɖeŋu me, esi menɔ fu nyim o, eye nyemetsɔ ɖeke na ame kukuwo hã o. Meɖo to Yehowa, nye Mawu la, eye mewɔ nu sia nu si nèɖo nam." data/train/DEU/DEU_032_Verse_011.mp3,"Esi Mose wu Mawu ƒe seawo fiafia Israel dukɔ blibo la nu vɔ la," data/train/DEU/DEU_009_Verse_007.mp3,"Le Kades Barnea la, esi Yehowa gblɔ na mi be miage ɖe anyigba si wòtsɔ na mi dzi la, miedze aglã ɖe eŋuti, eye miexɔe se be akpe ɖe mia ŋu o. Miegbe toɖoɖoe." data/train/DEU/DEU_030_Verse_003.mp3,"eye mi kple mia viwo mietrɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, hede asi eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi wɔwɔ me kple dzi blibo kple luʋɔ blibo la," data/train/DEU/DEU_017_Verse_003.mp3,Ke mègawu ame aɖeke le ɖasefo ɖeka pɛ ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve alo etɔ̃ kokoko. data/train/DEU/DEU_025_Verse_014.mp3,"Nenema ke dzidzeka eve tɔgbi, esi de tututu kple esi mede o la, meganɔ asiwò o." data/train/DEU/DEU_008_Verse_013.mp3,"Miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be Yehowa, miaƒe Mawu la na ŋutete mi be miazu hotsuitɔwo. Ena miezu hotsuitɔwo be yeawɔ ɖe ŋugbe si yedo na mia fofowo la dzi." data/train/JER/JER_036_Verse_001.mp3,"Baruk ɖo eŋu be, “Ɛ̃, eyae gblɔ nya siawo katã nam eye metsɔ nuŋlɔtsi ŋlɔe ɖe lãgbalẽ la dzi.”" data/train/JER/JER_007_Verse_009.mp3,"“Eya ta, mègado gbe ɖa ɖe dukɔ sia ta o. Mègaɖe kuku ɖe wo nu alo aƒo koko ɖe wo ta o, eye mègaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemaɖo to wò o." data/train/JER/JER_017_Verse_027.mp3,Ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui si wodo ɖe dzi le gɔmedzedzea me ke lae nye teƒe si miaƒe kɔkɔeƒe la le. data/train/JER/JER_001_Verse_004.mp3,"Esusɔ vie maƒo dzigbemefiaɖuƒe la me nɔlawo katã nu ƒu.” Yehowae gblɔe. “Woƒe fiawo ava li woƒe fiazikpuiwo anyi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu, woava ɖe to ɖe eƒe gliwo katã kple Yuda duwo katã ŋu." data/train/JER/JER_017_Verse_005.mp3,"Amewo ava tso Yuda duwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem la me, woava tso Benyaminyigba dzi kple ɣetoɖoƒebaliwo me, tso keke togbɛnyigbawo dzi kple gbegbenutowo me. Woatsɔ numevɔsawo, akpedavɔsawo, nuɖuvɔsawo, atike ʋeʋĩwo kple kafukafuvɔsawo ava Yehowa ƒe aƒe mee." data/train/JER/JER_030_Verse_000.mp3,Ale be mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu.’ ” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_007_Verse_027.mp3,"Wotu nuxeƒewo na Tofet ɖe Ben Hinom ƒe Balime, be woatɔ dzo wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo le afi ma, nu si meva tame nam kaka mayi mɔ ɖe ge le eŋu na wo o.’" data/train/JER/JER_014_Verse_018.mp3,"Yehowa gblɔ nam be, “Nyagblɔɖilawo le aʋatsonyawo gblɔm le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo alo ɖo wo alo ƒo nu na wo o. Wole alakpaŋutega, afakaka, trɔ̃subɔsubɔ kple beble siwo woƒe susuwo gblɔ na wo la gblɔm." data/train/JER/JER_001_Verse_009.mp3,"Kpɔ ɖa, egbe meɖo wò nyagblɔɖilae na dukɔwo kple fiaɖuƒewo be nàho nu, avuvu nu, agblẽ nu, amu nuwo aƒu anyi, nàtso aƒe, eye nàdo nu.”" data/train/JER/JER_049_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maŋe Elam ƒe da, si nye eƒe ŋusẽkpɔtsoƒe." data/train/JER/JER_024_Verse_002.mp3,"Gbotsetse nyuiwo le kusi ɖeka me, eye woɖi nyuie abe esiwo ɖina kaba la ene. Ke gbotsetse siwo le kusi evelia me la menyo kura o, wogblẽ ale gbegbe be womenyo woaɖu o." data/train/JER/JER_016_Verse_003.mp3,ekema nàgblɔ na wo be elabena mia fofowo gblẽm ɖi hedze mawu bubuwo yome; wosubɔ wo eye wode ta agu na wo. Wogbem eye womelé nye seawo me ɖe asi o. data/train/JER/JER_021_Verse_011.mp3,"Tete Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Migblɔ na Zedekia be," data/train/JER/JER_051_Verse_057.mp3,"Yehowa atsrɔ̃ Babilonia, eye wòatsi eƒe hoowɔwɔ nu. Abe ale si ƒutsotsoewo ɖea gbee ne ƒu dze agbo ene la, nenema futɔwo ƒe gbe aɖii ne wova ƒo ɖe edzi." data/train/JER/JER_032_Verse_005.mp3,Babilonia fia ƒe aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem eye wolé Nyagblɔɖila Yeremia de gae ɖe xɔxɔnu si dzɔlawo nɔna le Yuda fia ƒe fiasã me. data/train/JER/JER_005_Verse_023.mp3,"Woɖi ƒo nyuie abe sɔtsu siwo le asi yɔm la ene, ɖe sia ɖe le gbe tem ɖe ame bubu srɔ̃ ŋu." data/train/JER/JER_016_Verse_008.mp3,"“Eya ta mafia wo, ke azɔ la, mafia nye ŋusẽ kple nye sesẽ wo. Ekema woadze sii be nye ŋkɔe nye Yehowa." data/train/JER/JER_008_Verse_011.mp3,"“Nuŋeɣi va yi, eye dzomeŋɔli hã va yi, gake womeɖe mi o.”" data/train/JER/JER_032_Verse_025.mp3,"Mexɔ anyigbaƒlegbalẽ la, esi nu wotre, eye ɖoɖo si dzi woƒle agblea ɖo la le eme, hekpe ɖe esi nu wometre o la ŋuti." data/train/JER/JER_048_Verse_007.mp3,"Esi nèɖo dzi ɖe wò dɔwɔwɔwo kple wò kesinɔnuwo ŋuti ta la, woaɖe aboyo wò hã eye woakplɔ Kemos ayi aboyo mee, kpe ɖe eƒe nunɔlawo kple dumegãwo ŋu." data/train/JER/JER_052_Verse_004.mp3,"Aʋafia, Nebuzaradan kplɔ ame dahewo, ame siwo susɔ ɖe dua me kple aɖaŋudɔwɔlawo kple ame siwo si Babilonia fia tso la yi aboyo mee." data/train/JER/JER_006_Verse_011.mp3,"Ke Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la yɔm fũu eye nyemate ŋu atu nu ɖe enu o. “Trɔe kɔ ɖe ɖevi siwo le mɔtata dzi kple ɖekakpui siwo ƒo ta kpli la dzi, akɔ ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa dzi. Nenema kee wòanɔ na ametsitsi siwo do dɔgɔ̃e le ƒe geɖe xɔxɔ ta." data/train/JER/JER_050_Verse_045.mp3,"Ŋukpe gã aɖe ava mia dada dzi eye ame si dzi mi, woado vloe. Anye suetɔ le dukɔwo dome, azu gbegbe, kuɖiɖinyigba kple dzogbe." data/train/JER/JER_037_Verse_009.mp3,"Ke azɔ la, ablɔɖe le Yeremia si be wòado ɖe dukɔ la dome agagbɔ, elabena womedee gaxɔ me haɖeke o." data/train/JER/JER_015_Verse_003.mp3,"Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne mietrɔ dzi me la, magaɖo mi te be miasubɔm. Ne miagblɔ nya vavãwo, ke menye nya maɖinyawo o, magana mianye nye amewo. Na ame siawo natrɔ ɖe ŋuwò, ke wò màtrɔ ɖe wo ŋu o." data/train/JER/JER_026_Verse_012.mp3,"Ke Fia Yehoyakim dɔ Elnatan, Akbor ƒe vi kple ŋutsu bubu geɖewo ɖe eyome." data/train/JER/JER_050_Verse_007.mp3,"Aʋaɣli le anyigba dzi, eye gbegblẽ gã si le edzi yim la ƒe hoowɔwɔ le ɖiɖim." data/train/JER/JER_048_Verse_025.mp3,"O, mi Sibma wainkawo, mefa na mi abe ale si Yazer fa avi ene. Wò alɔwo keke yi ɖe atsiaƒu to ʋĩi eye wodidi ɖase keke Yazer ƒuta ke. Nugblẽla va ƒo ɖe wò atikutsetse ɖiɖiwo kple wò wainkpowo dzi." data/train/JER/JER_001_Verse_006.mp3,"Ke megblɔ be, “O, Aƒetɔ Mawu, nyemenya nuƒoƒo o eye ɖevi ko meganye.”" data/train/JER/JER_029_Verse_018.mp3,Ke Nunɔla Zefania xlẽ agbalẽ la na Nyagblɔɖila Yeremia. data/train/JER/JER_024_Verse_009.mp3,"“Yehowa be, ‘Gake abe gbotsetse siwo gblẽ ale gbegbe be womate ŋu aɖu wo o ene la, nenemae mawɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, woatsi anyigba sia dzi loo, alo woanɔ Egipte." data/train/JER/JER_048_Verse_012.mp3,"“Ke hã la, magaɖo Moab ƒe nunyonamewo te le ŋkeke siwo ava la me.” Yehowae gblɔe. Moab ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ se ɖe afi sia." data/train/JER/JER_007_Verse_032.mp3,"Ɖe aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la zu adzodalawo ƒe do na mia? Ke nye la, mele ekpɔm!’ ” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_052_Verse_010.mp3,Emegbe Babilonia fia gbã Zedekia ƒe ŋkuwo heblae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wòkplɔe yi Babilonia afi si wòdee gaxɔ me ɖo va se ɖe eƒe kugbe. data/train/JER/JER_022_Verse_030.mp3,Ɖe ŋutsu sia Yehoyatsin zu ze gbagbã ɖigbɔ̃ si dim ame aɖeke mele oa? Nu ka ta woatsɔ eya kple viawo aƒu gbe ɖe anyigba si womenya o la dzi? data/train/JER/JER_050_Verse_020.mp3,"Ke matrɔ Israel agbɔe va eya ŋutɔ ƒe gbe dama dzi, aɖu gbe le Karmel kple Basan eye akpɔ ƒoɖiɖi le Efraim kple Gilead togbɛwo dzi.”" data/train/JER/JER_018_Verse_017.mp3,"“Tso nàyi ɖe zemela ƒe aƒe me, eye le afi ma matsɔ nye gbedeasi na wo.”" data/train/JER/JER_050_Verse_035.mp3,"Woabia Zion ƒe mɔ ta ase eye woatrɔ woƒe mo ɖo ɖe egbɔ. Woava eye woabla nubabla mavɔ kple Yehowa, nubabla si womaŋlɔ be akpɔ o." data/train/JER/JER_044_Verse_023.mp3,"Va se ɖe egbe sia womebɔbɔ wo ɖokuiwo, de bubu ŋunye loo, alo wɔ nye sewo kple ɖoɖo siwo metsɔ ɖo mi kple mia fofowo ŋkume la dzi o." data/train/JER/JER_051_Verse_058.mp3,"Yehowa be, “Gake ŋkekewo li gbɔna esi mahe to na eƒe legbawo eye abixɔlawo anɔ ŋeŋem le eƒe anyigba blibo la dzi." data/train/JER/JER_052_Verse_032.mp3,"Yevuboɖa blaasiekɛ-vɔ-ade le axawo dzi, eye esiwo katã wolɔ̃ ƒo xlã sɔtiawo la le alafa ɖeka." data/train/JER/JER_009_Verse_009.mp3,Ke boŋ wodze woƒe dzi dzeaglãwo yome hekplɔ Baalwo ɖo abe ale si wo fofowo fia woe ene.” data/train/JER/JER_048_Verse_038.mp3,"Wolũ ta ɖe sia ɖe eye woƒlɔ ge ɖe sia ɖe, wode abi asi ɖe sia ɖe ŋu eye akpanya le ali ɖe sia ɖe dzi." data/train/JER/JER_023_Verse_027.mp3,"Togbɔ be miegblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya, ale Yehowa gblɔe nye esi’ hã la, miegagblɔna be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya,’ evɔ megblɔe na mi, miganɔ gbɔgblɔm be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya’ o." data/train/JER/JER_023_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Migaɖo to nyagblɔɖi siwo gblɔm Nyagblɔɖilawo le na mi la o. Mia flum wole kple mɔkpɔkpɔ ƒuƒlu. Wogblɔa nya si woawo ŋutɔ susu la be ŋutegae yewokpɔ, ke menye nya si do tso Yehowa ƒe nu me o." data/train/JER/JER_008_Verse_019.mp3,"Ŋu akpe nunyalawo, woƒe mo atsi dãa, eye mɔ aɖe wo. Esi wogbe Yehowa ƒe nya la, nunya ka ƒomevie le wo si?" data/train/JER/JER_023_Verse_003.mp3,Esiae nye nu si mia dometɔ ɖe sia ɖe nɔ gbɔgblɔm na ehavi alo eƒe ƒometɔ: ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya ka Yehowa gblɔ?’ data/train/JER/JER_041_Verse_010.mp3,"Ke vudo si me wòtsɔ ame siwo wòwu kpe ɖe Gedalia ŋu ƒe kukuawo ƒu gbe ɖo lae nye esi Fia Asa ɖe be yeatsɔ axe mɔ na Israel fia Baasa. Ke Netania ƒe vi, Ismael yɔe fũu kple ŋutilã kukuwo." data/train/JER/JER_012_Verse_001.mp3,Alẽkplɔla geɖewo agblẽ nye waingble eye woanye avuzi le nye agble dzi. Wole nye agble veviwo wɔ ge woazu gbegbe ɖeɖe sɔŋ. data/train/JER/JER_037_Verse_000.mp3,"Afi ka wò nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò be, ‘Babilonia fia mava dze dziwò alo anyigba sia dzi o la le?’" data/train/JER/JER_010_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Migasrɔ̃ dukɔwo ƒe mɔwo o. Togbɔ be ŋɔdzi léa dukɔwo le dzesi siwo dona ɖe dziŋgɔli ŋuti hã la, womegado ŋɔdzi na miawo ya o." data/train/JER/JER_025_Verse_007.mp3,Anyigba sia katã azu aƒedo kple gbegbe eye dukɔ sia asubɔ Babilonia fia ƒe blaadre sɔŋ” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_032_Verse_013.mp3,"Èwɔ dzesi gãwo kple nukunu triakɔwo le Egiptenyigba dzi eye nègale wo wɔwɔ dzi va se ɖe egbe sia, le Israel kple amegbetɔwo katã dome eye nèxɔ ŋkɔ gã na ɖokuiwò esi nye tɔwò va se ɖe fifia." data/train/JER/JER_042_Verse_005.mp3,"Eya ta azɔ maka ɖe edzi na mi be miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, le teƒe si mieɖo be yewoayi aɖanɔ.”" data/train/JER/JER_023_Verse_025.mp3,"“Nye ŋutɔ maƒo nye alẽ mamlɛawo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo la dzi, eye makplɔ wo va wo nyiƒe, afi si woadzi ɖe edzi fũu le." data/train/JER/JER_051_Verse_017.mp3,"Dzra dukɔwo ɖo ne woakpe aʋa kplii. Media fiawo, woƒe dziɖulawo, woƒe dɔnunɔlawo katã kple dukɔ siwo katã dzi ɖum wole la nakpe aʋa kplii." data/train/JER/JER_017_Verse_023.mp3,"Wole biayem ɖaa be, “Afi ka Yehowa ƒe nya la le? Neva eme azɔ!”" data/train/JER/JER_020_Verse_007.mp3,"Ke ne megblɔ be, “Nyemagayɔ eƒe ŋkɔ alo agaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o” la, eƒe nya nɔna abe dzo ene le nye dzi me, eye abe dzo bibi nue wotu nu ɖo le nye ƒu tome ene. Etsɔtsɔ ti kɔ nam. Vavã nyemagate ŋui o." data/train/JER/JER_006_Verse_005.mp3,"Alẽkplɔlawo kple woƒe alẽhawo atso ɖe eŋuti, woava tu woƒe agbadɔwo aƒo xlãe, ɖe sia ɖe axɔ teƒe si wòanyi eƒe lãhawo le.”" data/train/JER/JER_031_Verse_025.mp3,"O, va se ɖe ɣe ka ɣie nàtsa tsaglãla, wò vinyɔnu mawɔnuteƒe? Yehowa le nu yeye wɔ ge le anyigba dzi, nyɔnu aʋli ŋutsu ta.”" data/train/JER/JER_006_Verse_022.mp3,"Oo, Yerusalem, se nyagbename, ne menye nenema o la, matrɔ adzo le gbɔwò, eye mawɔ wò anyigba wòazu gbegbe, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ edzi o.”" data/train/JER/JER_034_Verse_005.mp3,"“Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Mieɖo tom o, miena ablɔɖe hã mia haviwo o. Eya ta azɔ la, meɖe gbeƒã ‘ablɔɖe’ na mi, ‘ablɔɖe’ be miatsi yi, dɔvɔ̃ kple dɔwuame ƒe asi me, eye matsɔ mi awɔ ŋɔdzidonu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã." data/train/JER/JER_027_Verse_009.mp3,"Mègaɖo to nyagblɔɖilawo ƒe nya si gblɔm wole na wò be, ‘Mígasubɔ Babilonia fia o’ la o; elabena aʋatsonyawo gblɔm wole na wò." data/train/JER/JER_010_Verse_010.mp3,"Ke Yehowa koe nye nyateƒe ƒe Mawu, eyae nye Mawu gbagbe kple Fia mavɔ. Ne ebi dzi la, anyigba ʋuʋuna eye dukɔwo mate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu o." data/train/JER/JER_048_Verse_020.mp3,"“Mina aha Moab wòano amu, aƒo dablibɛ le xe si wòɖe la me, eye wòazu alɔmeɖenu, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe." data/train/JER/JER_022_Verse_006.mp3,"“Baba na ame si tu eƒe fiasã to mɔ madzɔmadzɔ dzi eye eƒe sã to amebaba me, ame si zia eƒe dukɔmetɔwo dzi be woawɔ dɔ nɛ yakatsyɔ eye wògbea fexexe na wo." data/train/JER/JER_007_Verse_005.mp3,"emegbe miagava atsi tsitre ɖe ŋkunye me le aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me ahagblɔ be, “Míele dedie. Míele dedie,” ne miawɔ ŋunyɔnu siawo katã?" data/train/JER/JER_051_Verse_010.mp3,"“Aʋawɔkpo kple aʋawɔnu nènye nam, wòe metsɔ kaka dukɔwoe, wòe metsɔ tsrɔ̃ fiaɖuƒewoe." data/train/JER/JER_048_Verse_017.mp3,"Mi ame siwo le Aroer, mitsi tsitre ɖe mɔto ne miakpɔ nu. Bia ŋutsu si le du dzi kple nyɔnu si le sisim la be, ‘Nya kae dzɔ?’" data/train/JER/JER_022_Verse_019.mp3,"Mi, ame siwo tso aƒe ɖe Lebanon, heɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le sedatixɔwo me, aleke miahaɖe hũu, ne vevesese va mia dzi! Miase veve abe nyɔnu si le ku lém la ene!”" data/train/JER/JER_022_Verse_009.mp3,"elabena ne mieɖɔ ŋu ɖo hewɔ ɖe sedede siawo dzi la, ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ato fiasã sia ƒe agbowo me, anɔ tasiaɖamwo me, anɔ sɔwo dzi eye woƒe dumegãwo kple dumetɔwo akplɔ wo ɖo." data/train/JER/JER_048_Verse_046.mp3,"“Ɖi le wò ŋutikɔkɔe me eye nànɔ anyi ɖe anyigba si ƒu kplakplakpla la dzi, O mi ame siwo le Dibon vinyɔnu ƒe du me elabena ame si gbã Moab la aƒo ɖe dziwò eye wòagbã wò mɔ sesẽwo." data/train/JER/JER_007_Verse_018.mp3,Manya mi ɖa tso nye ŋkume abe ale si mewɔ mia nɔvi Efraimviwo ene.’ data/train/JER/JER_012_Verse_017.mp3,Ɖe nye domenyinu mezu xeƒonu ŋɔŋɔe si xeƒonu bubuwo ƒo xlãe eye wodze edzi oa? Yi nàƒo lã wɔadãwo katã nu ƒu vɛ ne woava vuvu nu. data/train/JER/JER_026_Verse_016.mp3,Nu ka ta nègblɔ nya ɖi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me be gbedoxɔ sia azu abe Silo ene eye du sia azu aƒedo si me ame aɖeke maganɔ o?” Ale zi ƒo ɖe Yeremia ŋuti le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. data/train/JER/JER_001_Verse_000.mp3,"“Dzra ɖokuiwò ɖo! Tso kpla ne nàgblɔ nu siwo katã megblɔ na wò la na wo. Womegadzi ŋɔ na wò o, ne menye nenema o la, mado ŋɔdzi na wò le wo ŋkume." data/train/JER/JER_026_Verse_009.mp3,"Gblɔ na wo be: ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ne mieɖo tom hewɔ ɖe nye se siwo mede na mi la dzi o," data/train/JER/JER_030_Verse_019.mp3,Wo viwo anɔ abe le blema ƒe ɣeyiɣiwo me ene eye woƒe amehawo ali ke le ŋkunye me. Mahe to na ame siwo katã te wo ɖe to. data/train/JER/JER_011_Verse_004.mp3,"“Eya ta ale Yehowa gblɔ tso Anatɔt ŋutsuwo, ame siwo le wò agbe yome tim eye wole gbɔgblɔm be, ‘Mègagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me o, ne menye nenema o la, míawu wò.’" data/train/JER/JER_048_Verse_023.mp3,"“Moab ƒe anyidzedze tu aƒe, eƒe dzɔgbevɔ̃e ava kaba." data/train/JER/JER_025_Verse_005.mp3,"Ame siwo noe la woe nye Yerusalem nɔlawo, Yuda ƒe duwo, woƒe fiawo kple woƒe dumegãwo, be woagblẽ wo dome eye woazu ŋɔdzinu, fewuɖunu kple fiƒodenu abe ale si wole egbea ene." data/train/JER/JER_017_Verse_020.mp3,"O Yehowa, Israel ƒe mɔkpɔkpɔ, ame siwo katã gbe wò la, ŋu akpe wo. Ame siwo trɔ le yowòme la, woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe kewɔ me elabena wogbe nu le Yehowa, agbetsivudo la gbɔ." data/train/JER/JER_027_Verse_003.mp3,"Ekema nàɖo du ɖe Edom, Moab, Amon, Tiro kple Sidon fiawo to woƒe ame dɔdɔ siwo va Yuda fia, Zedekia, gbɔ le Yerusalem la dzi." data/train/JER/JER_015_Verse_011.mp3,"Nu ate vi adre dzila ŋu, eye wòaɖe asi le eƒe luʋɔ ŋu. Eƒe ɣe aɖo to le ŋdɔ. Woado vloe eye wòaɖu ŋukpe. Mana ame siwo susɔ la natsi yi nu le woƒe futɔwo ƒe ŋkume,” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_025_Verse_031.mp3,"Se alẽkplɔlawo ƒe aviɣli ɖa; ɖo to kplɔlawo ƒe ɣlidodo, elabena Yehowa le woƒe lãnyiƒe la tsrɔ̃m." data/train/JER/JER_013_Verse_027.mp3,"Ɖe Etiopiatɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽ alo lãkle natrɔ agbalẽ ŋɔtaŋɔta si le eŋutia? Nenema kee mi ame siwo vɔ̃wɔwɔ ma la, miate ŋu awɔ nyui o.”" data/train/JER/JER_018_Verse_009.mp3,Ke nye amewo ŋlɔm be hedoa dzudzɔ ʋeʋĩ na legba maɖinu siwo nana be woklia nu le woƒe toƒewo kple blemamɔwo dzi. Wonana be wozɔa mɔ siwo to duwo xa kple mɔ siwo menye mɔ dodowo o la dzi. data/train/JER/JER_030_Verse_015.mp3,"Meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe. “Togbɔ be matsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo hã la, nyematsrɔ̃ miawo ya keŋkeŋ o. Nyemagblẽ mi ɖi tomahemahee ya o, mahe to na mi gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi." data/train/JER/JER_036_Verse_010.mp3,"Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda fia Yehoyakim ŋutie nye si: Ame aɖeke masusɔ nɛ, si anɔ David ƒe fiazikpui dzi o, woatsɔ eƒe ŋutilã kukua aƒu gbe ɖe gota, eye ŋdɔkutsu aɖui le ŋkeke me eye ahũ aƒoe le zã me." data/train/JER/JER_002_Verse_006.mp3,"Dzatawo ɖe gbe, wole gbe tem ɖe eŋu. Wowɔ eƒe anyigba wòzu gbegbe. Wotɔ dzo eƒe duwo eye wozu aƒedowo." data/train/JER/JER_044_Verse_017.mp3,“Míaɖo to nya si nègblɔ na mí le Yehowa ŋkɔ me la o! data/train/JER/JER_025_Verse_036.mp3,"Yehowa be, “Ke ne ƒe blaadre la de la, mahe to na Babilonia fia kple eƒe dukɔ, Babiloniatɔwo ɖe woƒe agɔdzedze ta eye mawɔ woƒe anyigba wòazu gbegbe tegbetegbe." data/train/JER/JER_005_Verse_006.mp3,"eye woda ami hezrɔ̃ lãlãlã. Seɖoƒe meli na woƒe nu tovowo wɔwɔ o, womexɔa nya ɖe tsyɔ̃eviwo nu be woaɖu dzi o, eye womeʋlia ame dahewo ƒe ablɔɖevinyenye ta o.”" data/train/JER/JER_046_Verse_021.mp3,"“O Yakob, nye dɔla, mègavɔ̃ o; O Israel, wò mo megatsi dãa o. Maɖe wò godoo tso didiƒenyigba aɖe dzi kple wò dzidzimeviwo tso anyigba si dzi woɖe aboyo wo ɖo ɖo la. Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me eye ame aɖeke mado ŋɔdzi nɛ o." data/train/JER/JER_026_Verse_010.mp3,"Kaka Yeremia nawu nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ be wòagblɔ nu la, nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo le afi ma la dze Yeremia dzi kpli, helée eye wogblɔ nɛ be, “Èdze na ku!" data/train/JER/JER_050_Verse_024.mp3,"“Mi ame siwo daa aŋutrɔ, midze aʋa ɖe Babilonia ŋu. Mida aŋutrɔe! Midae, ɖeke megasusɔ o, elabena ewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu." data/train/JER/JER_012_Verse_009.mp3,"Nye domenyinu va le nam abe dzata si le ave me ene. Ele gbe tem ɖe ŋutinye, eya ta melé fui ɖo." data/train/JER/JER_026_Verse_001.mp3,"(Azɔ ame bubu si gagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ mee nye Uria, Semaya ƒe vi si tso Kiriat Yearim. Eya hã gblɔ nya siwo ke Yeremia gblɔ ɖe du sia kple anyigba sia ŋuti." data/train/JER/JER_033_Verse_000.mp3,"“Ale Yehowa, ame si wɔ anyigba, Yehowa si wɔe hetsɔe ɖo te, eye eŋkɔe nye Yehowa la gblɔe nye esi:" data/train/JER/JER_025_Verse_018.mp3,"hekpe ɖe amedzro siwo katã le afi ma la ŋuti, Uz fiawo katã, Filistitɔwo ƒe fiawo katã esiwo tso Askelon, Gaza, Ekron, kpe ɖe ame siwo wogblẽ ɖe Asdod ŋu." data/train/JER/JER_038_Verse_020.mp3,"Tete fia la ɖe gbe na Kusitɔ, Ebed Melek be, “Kplɔ ŋutsu blaetɔ̃ tso teƒe sia ne miayi aɖaɖe Nyagblɔɖila Yeremia le vudo la me hafi wòava ku.”" data/train/JER/JER_038_Verse_013.mp3,"Ke ne ègbe be yematsɔ ɖokuiwò ade asi na Babilonia fia ƒe amegãwo o la, woatsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo woatɔ dzoe keŋkeŋ eye wò ŋutɔ hã màdo le woƒe asi me o.’ ”" data/train/JER/JER_002_Verse_036.mp3,"Ɖe menye miawo ŋutɔe he esia va mia ɖokui dzii esi miegbe Yehowa, miaƒe Mawu la esi wòkplɔ mi le mɔ dzi oa?" data/train/JER/JER_034_Verse_014.mp3,makplɔ de asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Woƒe ŋutilã kukua azu nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple gbemelãwo. data/train/JER/JER_048_Verse_031.mp3,Woamu Moab aƒu anyi eye via suewo afa avi. data/train/JER/JER_048_Verse_021.mp3,Misi! Miɖe miaƒe agbe eye mianɔ abe gbe le gbegbe ene. data/train/JER/JER_040_Verse_006.mp3,"Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, ka atam na wo kple wo ŋutimewo be wòaɖo kpe nu si wòagblɔ la dzi: Egblɔ na wo be, “Migavɔ̃ na Babiloniatɔwo subɔsubɔ o, mitsi anyigba la dzi eye miasubɔ Babilonia fia, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie." data/train/JER/JER_031_Verse_033.mp3,"Yehowa be, “Ne ɖoɖo siawo bu le ŋkunye me la, eya ko hafi Israel ƒe dzidzimeviwo maganye dukɔ le gbɔnye o.”" data/train/JER/JER_004_Verse_017.mp3,"Mikɔ aflaga dzi ɖo ɖe Zion! Misi yi sitsoƒe, migatɔ o! Elabena mehe gbegblẽ tso anyiehe gbɔnae, gbegblẽ si teƒe makɔ o.”" data/train/JER/JER_048_Verse_009.mp3,"Eva Keriyɔt, Bozra kple Moab duwo katã dzi, esiwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa dzi." data/train/JER/JER_050_Verse_021.mp3,"“Kpɔ ɖa! Aʋakɔ aɖe ho tso anyiehe gbɔna, wode adã ta me na dukɔ gã aɖe kple fia gbogbo aɖewo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke gbɔna." data/train/JER/JER_021_Verse_013.mp3,"Yehowa be, “Mahe to na mi le miaƒe nu tovowo wɔwɔ ta, maɖe dzo ade miaƒe avewo me, eye wòafia nu sia nu si ƒo xlã mi.” ’ ” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_041_Verse_002.mp3,"Emegbe Ismael kplɔ dukɔ la ƒe ame mamlɛ siwo le Mizpa, fiavinyɔnuwo hekpe ɖe ame siwo katã susɔ ɖe afi ma ŋu, ame siwo nu aʋafia Nebuzaradan tsɔ Ahikam ƒe vi ɖo mɔmefiae la dzoe abe aʋaléleawo ene. Ismael, Netania ƒe vi la, kplɔ wo aboyomewoe eye wòɖo ta Amonitɔwo gbɔ kpli wo." data/train/JER/JER_009_Verse_014.mp3,"“Mawɔ Yerusalem wòazu glikpo gbagbã si woli kɔe kple nɔƒe na amegaxiwo, eye mawɔ Yuda duwo woazu aƒedo ale be ame aɖeke manɔ wo me o.”" data/train/JER/JER_040_Verse_002.mp3,"Esi aʋafia la ke ɖe Yeremia ŋu la, egblɔ nɛ be, “Yehowa, wò Mawu lae gblɔ dzɔgbevɔ̃e sia ɖe teƒe sia ŋu." data/train/JER/JER_007_Verse_010.mp3,"Eya ta nu si mewɔ na Silo la, eya kee mawɔ azɔ na aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo, gbedoxɔ si ŋuti mieɖo ŋu ɖo kple teƒe si metsɔ na mi kple mia fofowo." data/train/JER/JER_035_Verse_014.mp3,"Rekab ƒe vi, Yehonadab, ƒe dzidzimeviwo wɔ ɖe se si wo tɔgbui de na wo la dzi, ke dukɔ sia ya meɖo tom o.’" data/train/JER/JER_048_Verse_016.mp3,"Mi ame siwo katã ƒo xlãe, mifa nɛ eye ame siwo katã nya ale si wòxɔ ŋkɔe la negblɔ be, ‘Aleke fiatikplɔ sesẽ la kple atizɔti dzeani la ŋe ale!’" data/train/JER/JER_026_Verse_013.mp3,"Ke nye ya la, mele miaƒe asi me xoxo. Miwɔ nu si miesusu be enyo eye wòle eteƒe la kplim faa." data/train/JER/JER_029_Verse_009.mp3,"Elabena womeɖo to nye nyawo o, nya siwo meɖo ɖe wo enuenu to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi. Ke mi aboyomewo hã mieɖo to o,” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_007_Verse_024.mp3,"Ne mieɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo vavã eye ne mieto nyateƒe le miaƒe nuwɔnawo me kple mia nɔewo," data/train/JER/JER_051_Verse_039.mp3,"Mi ame siwo le tɔsisi geɖewo to eye kesinɔnu geɖewo le mia si, miaƒe nuwuwu ɖo, ɣeyiɣi de be woatsrɔ̃ mi," data/train/JER/JER_046_Verse_006.mp3,“Egipte le abe nyinɔ sue dzeani ene gake togbato tso anyiehe gbɔna ɖe edzi dze ge. data/train/JER/JER_027_Verse_020.mp3,"Ɖo gbedeasi ɖe woƒe amegãwo, eye nàgblɔ be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migblɔ na miaƒe amegãwo be," data/train/JER/JER_049_Verse_036.mp3,"“Woƒe kposɔwo azu nuhaha eye woƒe lãha gbogboawo azu afunyinu. Makaka ame siwo le didiƒewo, be ya nalɔ wo ɖe nu eye mahe gbegblẽ va wo dzi le go sia go me.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_015_Verse_014.mp3,"O Yehowa, èse egɔme eya ta ɖo ŋku dzinye eye nàkpɔ tanye. Bia hlɔ̃ yonyemetilawo; le wò dzigbɔgbɔ blewuu me la, mègakplɔm dzoe o. Bu ale si mexɔ vlododo le tawòe la ŋuti." data/train/JER/JER_031_Verse_015.mp3,Kasia menyɔ tso alɔ̃ me eye metsa ŋku godoo. Alɔ̃ si medɔ la vivi nam ŋutɔ. data/train/JER/JER_016_Verse_018.mp3,"“Yehowa be, ‘Ke azɔ la, madɔ ame ɖe ɖɔkplɔla geɖewo eye woaɖe wo. Le esia megbe la, madɔ ame ɖe adela geɖewo eye woayɔ wo ɖe nu tso towo, togbɛwo dzi kple agadowo me." data/train/JER/JER_032_Verse_035.mp3,wò ɖoɖowo lolo eye wò nuwɔwɔwo tri akɔ. Wò ŋkuwo le te ɖe amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu eye nèwɔa nu sia nu si ame sia ame dze na la nɛ ɖe eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nuwɔnawo nu. data/train/JER/JER_037_Verse_015.mp3,"Tete fia Zedekia ɖe gbe be, woatsɔ Yeremia ada ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu eye woatsɔ abolo ɖeka nɛ gbe sia gbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, va se ɖe esime abolo vɔ le dua me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu." data/train/JER/JER_029_Verse_021.mp3,Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko. data/train/JER/JER_038_Verse_014.mp3,"Ke ne ègbe, mèna ta o la, nu si Yehowa ɖe fiam lae nye esi:" data/train/JER/JER_051_Verse_052.mp3,"“Wodo ŋukpe mí elabena wodzu mí eye ŋukpe tsyɔ míaƒe mowo, elabena amedzrowo ge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe teƒe kɔkɔewo.”" data/train/JER/JER_008_Verse_012.mp3,"Oo, nye Akɔfala le xaxa me. Nu te nye dzi ŋu le menye." data/train/JER/JER_051_Verse_047.mp3,"Ne nyawo le ɖiɖim le anyigba dzi, ƒe sia me miese be ale, eye ƒe kemɛ me wobe ale, ne miese ŋutasesẽ le anyigba dzi, eye dziɖula tso ɖe dziɖula ŋu la, dzi megaɖe le mia ƒo alo miavɔ̃ o." data/train/JER/JER_044_Verse_003.mp3,"Ame siwo asi le yi nu le Egipte atrɔ ayi Yudanyigba dzi la anɔ ʋɛe ko, ekema Yuda ƒe ame mamlɛawo katã, ame siwo va Egipte nɔ ge la, anya ame si ƒe nya le eteƒe, tɔnye loo, alo wo tɔ.’" data/train/JER/JER_025_Verse_025.mp3,Mana dzidzɔ kple aseyetsotso nu natso eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe alo te ƒe gbe alo woakpɔ akaɖi wòaganɔ keklẽm o. data/train/JER/JER_048_Verse_040.mp3,"“Woƒe aviɣli ɖi tso Hesbon, yi Eleale kple Yahaz ke. Eɖi tso Zoar, eye wosee le Horonaim, Eglat Selisia gɔ̃ hã, elabena Nimrim tɔsisi me tsiwo ke hã mie." data/train/JER/JER_039_Verse_012.mp3,"Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viŋutsuwo kple Yuda ƒe ame ŋkutawo katã le eƒe ŋkume." data/train/JER/JER_038_Verse_024.mp3,"‘Woakplɔ nyɔnu siwo katã susɔ ɖe Yuda fia ƒe fiasã me la vɛ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo. Nyɔnuawo agblɔ na wò be: “ ‘Xɔ̃wò siwo dzi nèka ɖo la kplɔ wò trae, eye woɖu dziwò. Wò afɔ ɖo ba, eye xɔ̃wòwo kaka le ŋuwò.’" data/train/JER/JER_019_Verse_003.mp3,"Elabena wogblẽm ɖi hetsɔ teƒe sia wɔ dzromawuwo ƒe nɔƒee. Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu siwo woawo ŋutɔ, wo fofowo alo Yuda fiawo gɔ̃ hã menya o. Ale teƒe sia yɔ fũu kple ʋu maɖifɔwo." data/train/JER/JER_035_Verse_002.mp3,"“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi nàgblɔ na Yuda ŋutsuwo kple Yerusalem nɔlawo be, ‘Miele nu srɔ̃ ge awɔ ɖe nye nyawo dzi oa?’ Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_033_Verse_001.mp3,"“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Teƒe sia kple eƒe du siwo katã zu aƒedo, eye amewo alo lãwo gɔ̃ hã menɔ wo me o la aganye lãnyiƒe damawo na alẽkplɔlawo be woakplɔ woƒe alẽhawo ayii." data/train/JER/JER_022_Verse_007.mp3,"“Dukɔ geɖe me tɔwo ava to du sia ŋu ayi eye woabia wo nɔewo be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu sia tɔgbi ɖe du xɔŋkɔ sia ŋuti ɖo?’" data/train/JER/JER_052_Verse_008.mp3,Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ. data/train/JER/JER_027_Verse_017.mp3,"‘Woalɔ wo ayi ɖe Babilonia, afi ma woanɔ va se ɖe gbe si gbe mava alɔ wo ekema matrɔ wo agbɔe va teƒe sia.’ ” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_008_Verse_001.mp3,"Akpaviã le yame ke hã nya eƒe azãgbewo, akpakpa, sagbadre kple tsalĩ, nya ɣeyiɣi si wòle be woaʋu adzo. Gake nye dukɔ ya menya Yehowa ƒe ɖoɖowo o." data/train/JER/JER_051_Verse_018.mp3,"Egblɔ na Seraya be, “Kpɔ egbɔ be yexlẽ nya siawo kple ɣli ne mieva ɖo Babilonia." data/train/JER/JER_003_Verse_022.mp3,"Yehowa gblɔ nam be, “Nuteƒemawɔla Israel le dzɔdzɔe wu Yuda, godzela la." data/train/JER/JER_002_Verse_003.mp3,"Amewo kpɔ ame maɖifɔ dahewo ƒe ʋu le wò awuwo me, evɔ mèlé wo wonɔ ʋɔ gbãm hafi o, gake le esiawo katã megbe hã la," data/train/JER/JER_043_Verse_010.mp3,"“Tsɔ kpe gã aɖewo ɖe asi ne Yudatɔwo ƒe ŋku le dziwò eye nàɖi wo ɖe Farao ƒe Fiasã ƒe mɔnu, ɖe anyikpe siwo woɖo ɖe mɔa nu la te" data/train/JER/JER_028_Verse_012.mp3,"Makplɔ Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi agbɔ va teƒe sia, hekpe ɖe Yudatɔ siwo katã woɖe aboyoe yi ɖe Babilonia la ŋuti, elabena maŋe Babilonia fia ƒe kɔkuti.’ ” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_003_Verse_018.mp3,"Wose avi le to ƒuƒluwo dzi, Israelviwo ƒe avifafa kple kokoƒoƒoe elabena woglɔ̃ woƒe mɔwo eye woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be." data/train/JER/JER_048_Verse_047.mp3,"Ʋɔnudɔdrɔ̃ va du siwo le to tame la dzi. Eva Holon, Yaza kple Mefaat dzi." data/train/JER/JER_011_Verse_009.mp3,"Le esia ta, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mahe to na wo. Woƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, dɔwuame atsrɔ̃ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo." data/train/JER/JER_042_Verse_008.mp3,"“Ke ne miegblɔ be, ‘míanɔ anyigba sia dzi o,’ miegbe toɖoɖo Yehowa, miaƒe Mawu la" data/train/JER/JER_027_Verse_018.mp3,"Wogblɔa aʋatsonyagblɔɖiwo na mi, siwo ana be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigbawo dzi aɖo ɖe didiƒewo. Manya mi eye miatsrɔ̃." data/train/JER/JER_009_Verse_017.mp3,"Oo, ɖe nye ta anye tsidzɔƒe eye nye ŋkuwo anye aɖatsivudo la, mafa avi zã kple keli na nye dukɔ ƒe ame siwo wowu." data/train/JER/JER_025_Verse_001.mp3,Ale mexɔ kplu la le Yehowa si eye mena dukɔ siwo katã gbɔ wòdɔm ɖo la noe. data/train/JER/JER_023_Verse_024.mp3,"“Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa nye Mawumavɔ̃lawo eye le nye gbedoxɔ me gɔ̃ hã la, mekpɔ woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_011_Verse_014.mp3,"O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔ abe wò duwo ene, eye nuxeƒe siwo nèɖo be yeanɔ dzudzɔ ʋeʋĩ dom na ŋukpenamawu, Baal la sɔ gbɔ abe Yerusalem ƒe ablɔwo ene.’" data/train/JER/JER_008_Verse_008.mp3,"Meɖo to nyuie, gake womele nu si le eteƒe la gblɔm o. Ame ɖeka pɛ hã meli si eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi venɛ, eye wògblɔna be, “Nu kae nye esi mehewɔ o?” Ame sia ame lé eƒe mɔ tsɔ abe sɔe lũ ɖe aʋa me ene." data/train/JER/JER_026_Verse_007.mp3,"Gake meka ɖe edzi na mi be ne miewum la, miahe ʋu maɖifɔ va miawo ŋutɔ, du sia kple emenɔlawo dzi; elabena le nyateƒe me la, Yehowae dɔm be magblɔ nya siawo katã ɖe miaƒe towo me.”" data/train/JER/JER_020_Verse_001.mp3,"elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mawɔ wò nàzu ŋɔdzi na ɖokuiwò kple xɔ̃wòwo katã. Wò ŋutɔ wò ŋkuwo akpɔ ale si xɔ̃wòwo atsi woƒe futɔwo ƒe yi nue. Makplɔ Yuda katã ade asi na Babilonia fia, ame si aɖe aboyo wo ayi Babilonia alo awu wo kple yi." data/train/JER/JER_020_Verse_012.mp3,Midzi ha na Yehowa! Mitsɔ kafukafu na Yehowa! Eɖe hiãtɔwo ƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me. data/train/JER/JER_052_Verse_009.mp3,"Ekplɔ asrafo siwo gale aʋa wɔm la ƒe amegã kple fia ƒe aɖaŋuɖola adre, le ame siwo gasusɔ ɖe dua me la dome dzoe. Egakplɔ agbalẽŋlɔla si nye dɔnunɔlagã si dia amewo dea asrafodɔ me kple eŋutime blaade siwo ŋu wòke ɖo le dua me la hã dzoe." data/train/JER/JER_005_Verse_018.mp3,"Togbɔ be wogblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ hã la, wole nu tam alakpatɔe kokoko.”" data/train/JER/JER_019_Verse_006.mp3,"eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Magbã dukɔ sia kple du sia gudugudu abe ale si zemela ƒe ze sia gbãe eye womagate ŋu atree o la ene. Woaɖi woƒe ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o." data/train/JER/JER_002_Verse_027.mp3,"“Tso gbe aɖe gbe ke nèŋe wò kɔkuti, eye nètso wò bablawo, ègblɔ bena, ‘Nyemasubɔ wò o!’ Vavã, èmlɔ anyi abe gbolo ene ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te." data/train/JER/JER_048_Verse_006.mp3,"Ekema Kemos akpe ŋu na Moab, abe ale si ŋu kpe Israel ƒe aƒe la esi wòtsɔ eƒe susu da ɖe Betel dzi ene.’" data/train/JER/JER_037_Verse_010.mp3,"Ke azɔ la, nye aƒetɔ fia, meɖe kuku, ɖo to nàsee. Na matsɔ nye biabia aɖo ŋkuwòme: Mègatrɔm ɖo ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe me o, ne menye nenema o la, maku ɖe afi ma.”" data/train/JER/JER_042_Verse_003.mp3,"ekema mise Yehowa ƒe nya, ‘O mi ame siwo susɔ ɖe Yuda, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mieɖoe kplikpaa be yewoayi Egipte, eye mieyi ɖanɔ afi ma la," data/train/JER/JER_020_Verse_014.mp3,Nu ka ta medo go le vidzidɔ me be makpɔ fukpekpe kple nuxaxa eye nye ŋkekewo nawu nu le ŋukpe me? data/train/JER/JER_050_Verse_016.mp3,"Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mahe to na Babilonia fia kple eƒe anyigba abe ale si mehe to na Asiria ene." data/train/JER/JER_006_Verse_014.mp3,"Meɖo gbetakpɔlawo na mi hegblɔ na mi be, ‘Miɖo to kpẽ la ƒe ɖiɖi!’ Gake miegblɔ be, ‘Míaɖo to o.’" data/train/JER/JER_019_Verse_005.mp3,"Eya ta Yehowa be mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna, esi amewo magayɔ teƒe sia be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be Kubalime." data/train/JER/JER_052_Verse_019.mp3,"Ke wolé eya ŋutɔ. Wokplɔe yi na Babilonia fia le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wòbu fɔe le." data/train/JER/JER_042_Verse_012.mp3,"Megblɔe na mi egbe gake miewɔ ɖe nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be magblɔ na mi la dzi haɖe o." data/train/JER/JER_021_Verse_009.mp3,"Nye ŋutɔ matsɔ alɔ si le dzi kple alɔ sesẽ awɔ aʋa kpli mi le dziku, dɔmedzoe kple vevesese helĩhelĩ me." data/train/JER/JER_012_Verse_008.mp3,Nugblẽlawo ava ƒo ɖe to ƒuƒluwo dzi le gbedzi elabena Yehowa ƒe yi agblẽ nu tso anyigba ƒe go sia dzi ayi ekemɛ dzi eye ame aɖeke mato le eme o. data/train/JER/JER_035_Verse_000.mp3,"Agbadɔxɔwo me koe míenɔna eye míewɔ ɖe se siwo katã mía tɔgbuigã, Yonadab de na mí la dzi." data/train/JER/JER_038_Verse_026.mp3,"Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ne mena ŋuɖoɖo wò la, màwum oa? Ne meɖo aɖaŋu na wò gɔ̃ hã la, màɖo tom o.”" data/train/JER/JER_027_Verse_005.mp3,"Eya ta migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃egɔmeɖelawo, ŋɔliyɔlawo kple nukala siwo gblɔna na mi be, ‘Migasubɔ Babilonia fia o’ la o." data/train/JER/JER_048_Verse_037.mp3,"Wolã Moab ƒe dzo ɖa, woŋe eƒe abɔ.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_021_Verse_002.mp3,"“Bia gbe Yehowa na mí elabena Babilonia fia, Nebukadnezar ho aʋa ɖe mía ŋu. Ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu na mí abe ale si wòwɔe le blemaɣeyiɣiwo me ene, ale be wòatrɔ adzo le mía gbɔ.”" data/train/JER/JER_031_Verse_021.mp3,Matsɔ nu nyui geɖe aɖi ƒo na nunɔlawo eye maɖi ƒo na nye dukɔ hã kple nye nu nyui geɖe.” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_037_Verse_018.mp3,"Yehowa ƒe nya va na Nyagblɔɖila Yeremia be," data/train/JER/JER_005_Verse_012.mp3,"‘Mise nya sia, mi bometsilawo kple susumanɔsitɔwo, ame siwo ŋku li na, gake womekpɔa nu o, ame siwo to li na, gake womesea nu o.’" data/train/JER/JER_023_Verse_008.mp3,"“Eya ta woƒe mɔ dzi aɖiɖi dribadriba, woatsɔ wo aƒu gbe ɖe blukɔ me eye woadze anyi ɖe afi ma. Mahe gbegblẽ ava wo dzi le ƒe si me mahe to na wo.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_005_Verse_027.mp3,"Yehowa be, “Ɖe nyemahe to na wo le esia ta oa? Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?" data/train/JER/JER_048_Verse_026.mp3,"O, Moabtɔwo, ŋɔdzi, ʋe globo kple mɔka le mia lalam.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_025_Verse_014.mp3,"Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Esi mieɖo to nye nyawo o ta la," data/train/JER/JER_033_Verse_013.mp3,"Le togbɛnyigba ƒe duwo me kple du siwo le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to, kpe ɖe du siwo le gbegbe le Benyaminyigba dzi, heyi ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem kple Yuda ƒe duwo la, alẽhawo agato wo xlẽla ƒe asi te.’ Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_014_Verse_013.mp3,"Nenye be wotsi nu dɔ hã la, nyemaɖo to woƒe ɣlidodo o. Nenye be wotsɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo vɛ hã la, nyemaxɔ wo o, ke boŋ matsrɔ̃ wo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃.”" data/train/JER/JER_031_Verse_011.mp3,"Elabena Yehowa axɔ Yakob aƒle, eye wòaɖe wo tso ame si sẽ wu wo la ƒe asi me." data/train/JER/JER_042_Verse_000.mp3,"Ale wòyɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo katã le eŋu kple ameha la katã tso ɖeviwo dzi yi ɖe tsitsiawo dzi." data/train/JER/JER_019_Verse_013.mp3,"Wotu nuxeƒewo na Baal be woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo le afi ma abe vɔsa na Baal ene, nu si nyemeɖo na wo alo gblɔ na wo kaka wòayi nye ta me va ge o." data/train/JER/JER_011_Verse_008.mp3,"Ke womeɖo to alo see nam o, ke boŋ wodze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tosesẽ yome. Ale mehe fiƒode siwo katã megblɔ da ɖi ɖe nubabla la dzi dalawo ŋu la va wo dzi.’ ”" data/train/JER/JER_025_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, gbegblẽ le kakam tso dukɔ me yi dukɔ me. Ahom sesẽ aɖe ho tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”" data/train/JER/JER_013_Verse_021.mp3,Woatu du siwo le gbegbe la ƒe agbowo eye ame aɖeke meli si aʋu wo o. Woaɖe aboyo Yudatɔwo katã eye woakplɔ wo adzoe. data/train/JER/JER_031_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mekplɔ wo tso aboyome gbɔe la, ame siwo le Yudanyigba dzi kple eƒe duwo me la agawɔ nya siawo ŋu dɔ be, ‘Yehowa ayra wò, O, dzɔdzɔenyenye ƒe nɔƒe, O, to kɔkɔe.’" data/train/JER/JER_047_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ale si tɔwo le ɖɔɖɔm le anyiehe ɖa, woaɖɔ agbagba, anɔ sisim kple ŋusẽ. Woaɖɔ axɔ anyigba kple nu sia nu si le edzi, duwo kple wo me nɔlawo katã dzi. Ameawo alé avi me sesĩe eye ame siwo katã le anyigba dzi la, afa avi kple ɣli," data/train/JER/JER_046_Verse_026.mp3,"Woakli nu enuenu eye woadze anyi ɖe wo nɔewo dzi. Woagblɔ be, ‘Mitso, mina míatrɔ ayi míaƒe amewo gbɔ, le mía denyigba dzi eye míasi le ameteɖeanyila ƒe yi nu.’" data/train/JER/JER_049_Verse_019.mp3,"“Maɖe Edom ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka, abe ale si dzata doa go tso Yɔdan ƒe ave dodowo me gena ɖe gbe damawo dzi ene. Ame ka wotia da ɖi ne matɔ asi edzi wòawɔ esia? Ame ka le abe nye ene eye ame kae aʋli ho kplim? Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?”" data/train/JER/JER_002_Verse_029.mp3,"Womebia be, ‘Afi ka Yehowa, ame si kplɔ mí tso Egipte, to dzogbe, afi si nuku mewɔna le o, to gbedadaƒo kple aganuwo, to kuɖiɖinyigba dzi kple viviti me, anyigba si dzi ame aɖeke metona alo tso aƒe ɖo o la le?’ o." data/train/JER/JER_019_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Yi ɖaƒle ze le zemela si; kplɔ dumegã kple nunɔla tsitsi aɖewo ɖe asi," data/train/JER/JER_049_Verse_007.mp3,"Eya ta ɖo to nàse nu si Yehowa ɖo ɖe Edom ŋuti, kple nu si wòɖo kplikpaa ɖe Temantɔwo ŋu: Woahe alẽviwo adzoe le alẽha me, agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta." data/train/JER/JER_032_Verse_038.mp3,"Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo." data/train/JER/JER_018_Verse_012.mp3,"Na be avifafa naɖi le woƒe aƒewo me ne èkplɔ adzohawo va ƒo ɖe wo dzi kpoyi, elabena woɖe ʋe ɖi be mage ɖe eme ne yewoalém, eye woɖo mɔ ɖi na nye afɔwo." data/train/JER/JER_050_Verse_026.mp3,"Mitso adzɔge miava ƒo ɖe edzi. Migbã eƒe nuɖuɖudzraɖoƒewo, milɔe ƒo ƒu abe ale si wolia kɔ agblemenukuwo ene. Mitsrɔ̃e keŋkeŋ eye migasusɔ ame ɖeka hɔ̃ɔ hã ɖi o." data/train/JER/JER_020_Verse_000.mp3,Aɖi gbe si gbe wodzim la ŋu kpekpekpe. Yayra meganɔ gbe si gbe danye dzim la dzi o! data/train/JER/JER_007_Verse_007.mp3,"“Eya ta, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Woatrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe teƒe sia dzi, ɖe amewo kple lãwo siaa dzi, ɖe atiwo kple gbewo kple atikutsetse siwo le anyigba dzi la dzi woabi dzo eye womatsi o.’" data/train/JER/JER_001_Verse_007.mp3,"Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègagblɔ be, ‘Ɖevi ko menye’ o. Ele na wò be nàyi ame sia ame si gbɔ medɔ wò ɖo eye nàwɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò." data/train/JER/JER_052_Verse_012.mp3,"Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe." data/train/JER/JER_029_Verse_029.mp3,"“Ɖo gbedeasi sia ɖe aboyomeawo katã be, ‘Ale Yehowa gblɔ le Semaya, Nehelamitɔ la ŋutie nye esi: “Esi Semaya gblɔ nya ɖi na mi, evɔ nyemedɔe o eye wòna miexɔ beblenya dzi se ta la,”" data/train/JER/JER_050_Verse_043.mp3,Yi atso ɖe eƒe aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu eye woazu bometsilawo. Yi ati woƒe kalẽtɔwo yome eye ŋɔdzi alé wo! data/train/JER/JER_005_Verse_030.mp3,“Ɖe gbeƒã nya sia na Yakob ƒe aƒe la eye nàdo kpo le Yuda. data/train/JER/JER_014_Verse_002.mp3,"Anyigba la katã wo gblogblogblo, elabena tsi mele dzadzam ɖe edzi o; agbledelawo ƒe mo tsi dãa, eye wotsyɔ nu ta." data/train/JER/JER_029_Verse_011.mp3,"Esia nye agbalẽ si Nyagblɔɖila Yeremia ŋlɔ le Yerusalem ɖo ɖe aboyomenɔlawo ƒe ametsitsi mamlɛawo, nunɔla siwo gale agbe, nyagblɔɖilawo kple ame bubu siwo Nebukadnezar ɖe aboyoe tso Yerusalem yi ɖe Babilonia la me nyawo." data/train/JER/JER_020_Verse_003.mp3,"ena woƒo Nyagblɔɖila Yeremia eye wodee kunyowu me, tsi ɖe Benyamingbo dzigbetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ nu la ŋu." data/train/JER/JER_025_Verse_013.mp3,"“Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mino aha ne miamu, ne miaɖe xe eye miamu adze anyi be miagafɔ gbeɖe o, le yi si maɖo ɖe mia dome la ta.” ’" data/train/JER/JER_013_Verse_001.mp3,Ale meyi ɖe Frat ɖaku alidziblanu la le teƒe si meɣlae ɖo. Ke azɔ la mekpɔ be enyunyɔ eye ŋudɔwɔnu aɖeke megale eŋu o. data/train/JER/JER_021_Verse_001.mp3,"Ame si atsi du sia me la, yi, dɔwuame alo dɔvɔ̃ awui, ke ame si tsɔ eɖokui na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua la maku o, ke boŋ aɖe eƒe agbe." data/train/JER/JER_015_Verse_008.mp3,"Mawɔ wò nànye gli na ame siawo eye nànye akɔbligli sesẽ na wo. Woawɔ avu kpli wò, gake womaɖu dziwò o, elabena meli kpli wò be maxɔ na wò." data/train/JER/JER_018_Verse_020.mp3,"Yehowa, ɖo tom, se nu si gblɔm nunyetsolawo le la ɖa!" data/train/JER/JER_023_Verse_020.mp3,“Mekpɔ bometsinu sia le nyagblɔɖila siwo le Samaria la dome. Wogblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae. data/train/JER/JER_051_Verse_054.mp3,"Wòe metsɔ kaka sɔ kple sɔdolae, wòe metsɔ kaka tasiaɖam kple ekulae." data/train/JER/JER_021_Verse_006.mp3,"Maƒo du sia me nɔlawo aƒu anyi, amegbetɔwo kple lãwo siaa eye dɔvɔ̃ awu wo." data/train/JER/JER_046_Verse_001.mp3,"“Afɔ ɖeablɛtɔ mate ŋu asi alo ŋusẽtɔ naɖe eɖokui o. Le anyiehe, le Frat tɔsisi la to, afi mae wokli nu hedze anyi ɖo." data/train/JER/JER_044_Verse_011.mp3,"Gake mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi: ‘Yehowa be, meta nye ŋkɔ gã la be, Yudatɔ siwo kaka ɖe Egiptenyigba dzi ƒe ɖeke magayɔ nye ŋkɔ alo aka atam be, “Meta Aƒetɔ Yehowa ƒe agbe” o," data/train/JER/JER_044_Verse_024.mp3,"“Yehowa be, ‘Esia anye dzesi na mi be mele to he ge na mi le teƒe sia, ale be mianya be nye atam si meka be mawɔ vɔ̃ mi la anɔ edzi godoo.’" data/train/JER/JER_032_Verse_004.mp3,"Azɔ Yuda fia Zedekia de gae ɖe afi ma hegblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle nya gblɔm ɖi alea ɖo? Egblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, eye wòaxɔe." data/train/JER/JER_006_Verse_020.mp3,"Oo, anyigba, see. Mele gbegblẽ he ge va dukɔ sia dzi, esia nye woƒe tameɖoɖowo ƒe metsonu, elabena womeɖo to nye nyawo o, eye wogbe nye se dzi wɔwɔ." data/train/JER/JER_017_Verse_012.mp3,“Ke woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu eye wòtsɔa eƒe dzideƒo dea Yehowa me. data/train/JER/JER_016_Verse_009.mp3,Eya ta matsɔ mi aƒu gbe tso anyigba sia dzi aɖo ɖe anyigba si miawo alo mia fofowo menya o la dzi. Le afi ma miasubɔ Mawu bubuwo zã kple keli elabena nyemave mia nu o” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_017_Verse_010.mp3,Gake womeɖo to alo ƒu to anyi o. Wonye kɔlialiatɔwo eye womeɖo to alo bɔbɔ ɖe hehe te o. data/train/JER/JER_012_Verse_011.mp3,"Oo, Yehowa, ke wò la ènyam, èkpɔm eye nèdo nye susuwo kpɔ tso ŋutiwò. Eya ta he wo abe alẽwo ene nàkplɔ yi wuwuƒee! Ɖe wo ɖe aga hena wuwuŋkeke la!" data/train/JER/JER_008_Verse_003.mp3,Ekema nu ka ta ame siawo trɔ dzo ɖo? Nu ka ta Yerusalem le megbe dem ɣe sia ɣi? Woku ɖe beble ŋuti eye wogbe be yewomatrɔ o. data/train/JER/JER_036_Verse_031.mp3,Ɖewohĩ woabɔbɔ wo ɖokui kple kokoƒoƒo le Yehowa ŋkume eye woatrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi elabena dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ si Yehowa gblɔ ɖi tso ame siawo ŋuti la lolo ŋutɔ.” data/train/JER/JER_045_Verse_004.mp3,"Ɖe wògahiã be nàdi nu gãwo na ɖokuiwòa? Mègadi wo o, elabena Yehowa be mahe gbegblẽ va amewo katã dzi, ke afi sia afi si nàyi la mana nàɖe wò agbe.’ ”" data/train/JER/JER_043_Verse_001.mp3,"Ale woyi ɖe Egipte, hetsi tsitre ɖe Yehowa ŋu eye woɖo keke Tapanhes ke gɔ hã." data/train/JER/JER_045_Verse_002.mp3,"Esia nye nya si Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Neria ƒe vi, Baruk esi Baruk ŋlɔ nya siwo wògblɔ nɛ ɖe lãgbalẽ dzi vɔ megbe. Esia va me le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me:" data/train/JER/JER_011_Verse_001.mp3,"Ekema mawɔ ɖe atam si meka na mia fofowo be matsɔ anyigba si le dzidzim kple notsi kple anyitsi na wo la dzi.’ Esiae nye anyigba si dzi miele egbea.” Meɖo eŋu be, “Amen, Yehowa.”" data/train/JER/JER_014_Verse_019.mp3,"“Yuda le nu xam, eƒe duwo le fukpekpe me, wole avi fam le anyigba la ta eye Yerusalem ƒe ɣli le dzi dem." data/train/JER/JER_028_Verse_006.mp3,"Gake nyagblɔɖila si gblɔ ŋutifafanya aɖe, eye eƒe nyagblɔɖi la va eme la koe wobuna be enye ame si Yehowa dɔ vavã.”" data/train/JER/JER_040_Verse_011.mp3,"Nye ŋutɔ manɔ Mizpa, be manɔ mia teƒe le Babiloniatɔ siwo va mia gbɔ la ŋkume. Ke miawo la, mixa wain tsetsewo, dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo eye miɖa ami, miazi wo ɖe amigowo me eye minɔ du siwo míexɔ la me.”" data/train/JER/JER_008_Verse_005.mp3,"Eya ta maxɔ wo srɔ̃wo atsɔ na ŋutsu bubuwo eye maxɔ woƒe agblewo atsɔ na amedzrowo. Tso ɖeviawo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, wo katã le ŋu biãm ɖe viɖe ŋu. Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa nye ameblelawo." data/train/JER/JER_020_Verse_015.mp3,"O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò ame si doa ame dzɔdzɔewo kpɔ, eye nèdzroa woƒe dzi kple tamesusuwo me, na makpɔ ale si nàbia hlɔ̃ woe elabena wòe metsɔ nye nya de asi na." data/train/JER/JER_033_Verse_009.mp3,"Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ ɖe aƒe siwo le du sia me kple Yuda fiawo ƒe fiasã siwo wogbã ƒu anyi be woalɔ awɔ akpoxɔnu ɖe futɔwo ƒe aʋawɔnuwo kple yi ŋuti," data/train/JER/JER_002_Verse_001.mp3,Ale Yehowa gblɔe nye si. “Vodada kae mia fofowo kpɔ le ŋunye be wotra ɖa tso gbɔnye nenema gbegbe? Wokplɔ legba maɖinuwo ɖo eye woawo ŋutɔ hã zu nu maɖinuwo. data/train/JER/JER_002_Verse_026.mp3,"Togbɔ be èle tsi kple adzalẽ eye nèle adzalẽ ʋeʋĩ geɖe hã la, wò nu vɔ̃ ƒe ɖiƒoƒo gale nye ŋkume kokoko.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_022_Verse_013.mp3,"“Ke wò ŋku kple dzi ku ɖe viɖe ƒoɖi, ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi, ameteteɖeto kple amebaba ko ŋuti.”" data/train/JER/JER_003_Verse_019.mp3,“Wu mo dzi ɖe to ƒuƒluwo ŋu eye nàkpɔ ɖa. Teƒe aɖe li si womedɔ kpli wò le oa? Ènɔ anyi ɖe mɔto henɔ ŋutsuwo lalam. Ènɔ anyi abe Arabiatɔwoe nɔ anyi ɖe gbegbe ene. Ètsɔ wò gbolowɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi do gu anyigba la. data/train/JER/JER_023_Verse_014.mp3,Ke wo dometɔ kae nɔ Yehowa ƒe aɖaŋu me be wòakpɔ nu alo ase eƒe nya? Ame kae ɖo to hese eƒe nya? data/train/JER/JER_021_Verse_008.mp3,"Meɖo vɔ̃ ɖe du sia ŋuti kplikpaa, ke menye nyui o. Woatsɔe ade asi na Babilonia fia, eye wòagbãe, atɔ dzoe.’ Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_029_Verse_026.mp3,"Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be," data/train/JER/JER_051_Verse_008.mp3,Atsiaƒu aɖɔ agbagba ɖe Babilonia dzi eƒe ƒutsotsoe dzeagbowo aŋe atsyɔ edzi. data/train/JER/JER_011_Verse_015.mp3,"Tete Yehowa gblɔ nam be, “Nugbeɖoɖo aɖe le Yudatɔwo kple Yerusalem nɔlawo dome." data/train/JER/JER_043_Verse_003.mp3,"Atɔ dzo Egipte mawuwo ƒe gbedoxɔwo, atɔ dzo woƒe gbedoxɔwo eye wòaɖe aboyo woƒe mawuawo. Abe ale si alẽkplɔla tsɔa avɔ xatsana ɖe eɖokui ŋu ene la, nenema wòatsɔ Egipte abla ɖe eɖokui ŋu eye wòadzo kɔ̃ɔ le dedinɔnɔ me." data/train/JER/JER_007_Verse_023.mp3,"ne miete amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe to o eye miekɔ ʋu maɖifɔ ɖi le teƒe sia o; ne miedze mawu bubuwo yome hena miawo ŋutɔ ƒe gbegblẽ o la," data/train/JER/JER_014_Verse_010.mp3,"Ke megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, Nyagblɔɖilawo le gbɔgblɔm na wo be, ‘Miakpɔ yi loo alo dɔwuame o. Le nyateƒe me, mana miakpɔ ŋutifafa mavɔ le teƒe sia.’ ”" data/train/JER/JER_005_Verse_031.mp3,Ɖe mele be mahe to na wo ɖe esia ta oa? Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_023_Verse_021.mp3,"“Mese nu si gblɔm nyagblɔɖilawo le, ame siwo gblɔ aʋatsonyagblɔɖi le nye ŋkɔ me. Wogblɔ be, ‘Meku drɔ̃e aɖe! Meku drɔ̃e aɖe.’" data/train/JER/JER_044_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsɔ Farao Hofra, Egipte fia ade asi na eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim, abe ale si metsɔ Yuda fia Zedekia de asi na Babilonia fia Nebukadnezar si nye eƒe futɔ si le eƒe agbe yome tim la ene.’ ”" data/train/JER/JER_004_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔ na Yuda kple Yerusalem ŋutsuwoe nye esi: “Miŋlɔ agble yeye, migaƒã nu ɖe aŋɔkawo me o." data/train/JER/JER_030_Verse_017.mp3,Nya siawoe Yehowa gblɔ tso Israel kple Yuda ŋuti. data/train/JER/JER_007_Verse_013.mp3,"Gake womeɖo to alo see nam gɔ̃ hã o, ke boŋ wowɔ nu dzeaglã siwo woƒe dzi vɔ̃ɖiwo gblɔ na wo. Wote gbugbɔɖemegbezɔzɔ, eye womezɔ yi ŋgɔ o." data/train/JER/JER_001_Verse_018.mp3,"Yehowa ƒe nya va nɛ le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me." data/train/JER/JER_052_Verse_006.mp3,Babilonia fia naa Yehoyatsin ƒe gbe sia gbe nuhiahiãwoe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me va se ɖe eƒe kugbe. data/train/JER/JER_044_Verse_022.mp3,"Tete ŋutsu siwo katã nya be yewo srɔ̃wo le dzudzɔ ʋeʋĩ dom na mawu tutɔwo, kpe ɖe nyɔnuawo katã ŋuti, wonye ameha gã aɖe ŋutɔ eye ame siwo katã le Egipte ƒe anyigbe kple dzigbe kpe ɖe wo ŋuti wova gblɔ na Yeremia bena," data/train/JER/JER_040_Verse_013.mp3,"wo katã wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi, tso du siwo me wokaka ɖo la heva ƒo ta kpli ɖe Gedalia gbɔ le Mizpa. Woyi ɖaxa waintsetse gbogbo aɖewo kple dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo." data/train/JER/JER_002_Verse_024.mp3,"Se Yehowa ƒe nya, O Yakob ƒe aƒe, mi Israel ƒe aƒe la ƒe towo katã." data/train/JER/JER_009_Verse_012.mp3,"“Mafa avi ado ɣli na towo, eye madzi konyifaha ɖe gbegbelãnyiƒewo ŋu. Elabena wozu gbegbe, ame aɖeke mato afi ma ayi o eye womagase nyiwo ƒe xɔxlɔ̃ le afi ma o, dziƒoxewo gɔ̃ hã si dzo eye gbemelãwo hã si." data/train/JER/JER_008_Verse_014.mp3,"Wobla abi na nye dukɔ abe ɖe menye abi gã aɖeke wònye o ene. Wole gbɔgblɔm be, ‘Ŋutifafa, ŋutifafa’, evɔ wòhenye ŋutifafa aɖeke meli o hafi." data/train/JER/JER_051_Verse_005.mp3,“Amegbetɔwo katã nye movitɔwo eye nunya mele tagbɔ na wo o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ. Eƒe legbawo nye beble elabena agbe mele wo me o. data/train/JER/JER_012_Verse_012.mp3,"Oo, Yehowa, ne metsɔ nya ɖe ŋutiwò la, wò nya dzɔna ɣe sia ɣi. Gake mahe nya kpli wò tso wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti. Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo ɖo? Nu ka ta dzimaxɔsetɔwo nɔa agbe le dziɖeɖi me?" data/train/JER/JER_027_Verse_002.mp3,"Dukɔwo katã asubɔe, asubɔ via kple eƒe tɔgbuiyɔvi gɔ̃ hã va se ɖe esime eƒe anyigba ƒe ɣeyiɣi nade. Ekema dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo aɖu edzi." data/train/JER/JER_028_Verse_013.mp3,"Tete Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Hananiya nyagblɔɖila la be, “Ɖo to afii, Hananiya! Yehowa medɔ wò o, evɔ nèƒoe ɖe dukɔ sia nu be wòaxɔ aʋatsonyawo dzi ase." data/train/JER/JER_004_Verse_028.mp3,"Ya sia sẽ ŋutɔ elabena etso gbɔnye. Azɔ la, mehe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ va wo dzii.”" data/train/JER/JER_029_Verse_030.mp3,"Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migana Nyagblɔɖila kple bokɔnɔ siwo le mia dome la nable mi o. Migalé to ɖe drɔ̃e siwo miede dzi ƒo na wo be woaku la ŋuti o." data/train/JER/JER_048_Verse_003.mp3,“Aɖi ame si le asi blem le Yehowa ƒe dɔ ŋu! Aɖi ame si he eƒe yi ɖe megbe be magakɔ ʋu ɖi o la ŋu! data/train/JER/JER_050_Verse_044.mp3,"Yi atso ɖe eƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple amedzro siwo katã wotsɔ aʋae la ŋuti eye woanɔ abe nyɔnuwo ene! Yi atso ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu eye woaha wo!" data/train/JER/JER_014_Verse_008.mp3,Gbetedziwo tsia tsitre ɖe to ƒuƒluwo dzi henɔa ya nom abe amegaxiwo ene. Woƒe ŋkuwo dzi tsyɔna elabena gbeɖuƒe aɖeke megali o.” data/train/JER/JER_030_Verse_013.mp3,"Ke mana nàhaya, eye mana wò abiawo naku, elabena woyɔ wò be saɖagatɔ, Zion si ame aɖeke mebiaa eta sena o.’ ” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_006_Verse_016.mp3,“Míese nutsotso geɖe tso wo ŋu eya ta míaƒe alɔwo ku ɖe mia ŋu. Ŋɔdzi lé mí eye míese veve abe nyɔnu si le ku lém la ene. data/train/JER/JER_031_Verse_019.mp3,Mana ame siwo gbɔdzɔ la nagbɔ ɖe me eye ame siwo nu ti kɔ na la naɖi ƒo.” data/train/JER/JER_005_Verse_015.mp3,Nyagblɔɖilawo gblɔ aʋatsonyawo ɖi. Nunɔlawo le nuwo wɔm le woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me eye wòdze nye dukɔ ŋu alea. Ke nu ka nàwɔ le nuwuwu?” data/train/JER/JER_051_Verse_050.mp3,"“Nye amewo, mido le wo dome! Misi kple du ne miaɖe miaƒe agbe! Misi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la nu." data/train/JER/JER_051_Verse_013.mp3,"“Babilonia fia, Nebukadnezar vuvu mí, de tɔtɔ mía dome eye wòwɔ mí míele abe tsizɔ ƒuƒluwo ene. Emi mí abe ʋɔ ene, eye wòtsɔ míaƒe nu viviwo ɖi ƒoe na eɖokui, emegbe etu mí ƒu gbe." data/train/JER/JER_018_Verse_006.mp3,"Gake woaɖo eŋu be, ‘Mehiã o; miayi edzi awɔ miaƒe lɔlɔ̃nu eye mia dometɔ ɖe sia ɖe adze eƒe dzi vɔ̃ɖi kple aglãdzenuwo yome.’ ”" data/train/JER/JER_019_Verse_010.mp3,Mana woalé wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo aɖa aɖu. Woalé wo nɔewo aɖu le xaxa gã si ava wo dzi ne woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim la ɖe to ɖe wo?’ data/train/JER/JER_006_Verse_000.mp3,"Abe ale si vudo dzia tsii ene la, nenema eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le dzidzimii. Nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ bɔ ɖe eme. Eƒe dɔléle kple abiwo le nye ŋkume ɖaa." data/train/JER/JER_043_Verse_011.mp3,"Wokplɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiavinyɔnu siwo aʋafia, Nebuzaradan gblẽ ɖe Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, Gedalia gbɔ hekpe ɖe Nyagblɔɖila Yeremia, Neria ƒe vi, Baruk gbɔ la hã dzoe." data/train/JER/JER_029_Verse_006.mp3,Aʋatsonyawo gblɔm wole ɖi na mi le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo o.” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_049_Verse_025.mp3,"Ne waintsetsegbelawo va gbe waintsetsewo na wò la, ɖe womagblẽ ʋe aɖewo ɖi oa? Ne fiafitɔwo va le zã me be woafi wò nuwo la, ɖe menye esi sinu woate ŋui la ko woatsɔ adzoe oa?" data/train/JER/JER_052_Verse_007.mp3,"Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia." data/train/JER/JER_029_Verse_012.mp3,"Esia va eme le esi wokplɔ Fia Yehoyatsin, fiasrɔ̃, ʋɔnudɔdzikpɔlawo, Yuda dumegãwo, Yerusalem dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo le Yerusalem yi aboyo mee megbe" data/train/JER/JER_044_Verse_004.mp3,"“Azɔ la, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Nu ka ta miehe gbegblẽ gã sia va mia ɖokuiwo dzi, be mieɖe ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo ɖa le Yuda eye miegble ɖeke ɖi na mia ɖokuiwo o?" data/train/JER/JER_048_Verse_034.mp3,"Wodo ŋukpe Moab elabena wogbãe gudugudu. Do ɣli, nàfa avi sesĩe! Ɖe gbeƒãe le Arnon be wogbã Moab." data/train/JER/JER_008_Verse_015.mp3,"Wose futɔ la ƒe sɔwo ƒe afɔzi le keke Dan. Ne woƒe sɔwo xlɔ̃ ko la, anyigba katã nyea zi. Wova be woaʋuʋu anyigba kple nu siwo katã le edzi, du la kple emenɔlawo katã.”" data/train/JER/JER_016_Verse_014.mp3,"“Ne ègblɔ nya siawo katã na dukɔ sia eye wobia wò be, ‘Nu ka ta Yehowa ɖo gbegblẽ gã sia ɖi ɖe mia ŋuti? Vodada kae miewɔ eye nu vɔ̃ kae miewɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti hã?’ la," data/train/JER/JER_035_Verse_011.mp3,"Mekplɔ wo va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee eye míege ɖe Mawu ƒe ame, Igdalia ƒe vi, Hanan ƒe viŋutsuwo ƒe xɔ me enye xɔ si te ɖe dɔdzikpɔlawo ƒe xɔ ŋu eye wòle agbonudzɔla, Salum ƒe vi Maaseya ƒe xɔ tame." data/train/JER/JER_031_Verse_020.mp3,"Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo ene esi melé woƒe alɔnu be makplɔ wo do goe le Egipte la ene o. Elabena wotu nye nubabla la togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_050_Verse_028.mp3,"Miwu eƒe nyitsu viwo katã; mikplɔ wo yi lãwuƒee! Baba na wo! Elabena woƒe ŋkeke la ɖo, ɣeyiɣi la de na wo be woaxɔ tohehe." data/train/JER/JER_049_Verse_009.mp3,"Gake nye la, maɖe amama Esau, mana eƒe ŋukpeƒe nadze ale be mate ŋu aɣla eɖokui o. Viawo, eƒe ƒometɔwo kple eƒe aƒelikawo atsrɔ̃ eye womaganɔ anyi o." data/train/JER/JER_036_Verse_008.mp3,"Esi wose nya siawo katã la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi wo nɔewo ƒe ŋkume kpɔkpɔ me kple vɔvɔ̃ eye wogblɔ na Baruk be, “Ele be nàka nya siawo ta na fia la.”" data/train/JER/JER_029_Verse_013.mp3,"Eya ta mise Yehowa ƒe nya, mi ame siwo meɖo ɖe aboyo me le Babilonia tso Yerusalem." data/train/JER/JER_014_Verse_017.mp3,"Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mègado gbe ɖa be eme nanyo na dukɔ sia o." data/train/JER/JER_031_Verse_022.mp3,"Miagado waintiwo ɖe Samaria ƒe togbɛwo dzi abe tsã ene; agbledelawo ade waingble, eye woaɖu eƒe kutsetse." data/train/JER/JER_011_Verse_018.mp3,"Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si li ke wò la ɖo gbegblẽ ɖe ŋuwò elabena Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe wɔ vɔ̃ eye wodo dziku nɛ le ale si wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal la ta." data/train/JER/JER_032_Verse_008.mp3,"Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Woagaƒle aƒewo, agbledenyigbawo kple waingblewo le anyigba sia dzi.” ’" data/train/JER/JER_040_Verse_010.mp3,"Ke Gedalia, Ahikam ƒe vi, ɖo eŋu na Yohanan, Karea ƒe vi la be, “Mègawɔ nenema o! Nya si gblɔm nèle la nye alakpa nèle dadam ɖe Ismael si.”" data/train/JER/JER_051_Verse_035.mp3,Mahe to na Bel le Babilonia eye mana wòaɖe nu si wòmi. Dukɔwo magaƒo zi ayi egbɔ o eye Babilonia ƒe gliwo amu adze anyi. data/train/JER/JER_034_Verse_008.mp3,"Gbe tso Yehowa gbɔ va na Yeremia esi fia Zedekia wɔ nubabla kple ame siwo katã nɔ Yerusalem, be woaɖe gbeƒã ablɔɖe na kluviwo vɔ megbe." data/train/JER/JER_031_Verse_027.mp3,"“Vavãe, mese Efraim wòle nu xam xoxoxo be: ‘Èhe to nam abe nyivi si dze aglã la ene eye mexɔ tohehe la. Gaɖom te eye matrɔ agbɔ elabena wòe nye Yehowa nye Mawu." data/train/JER/JER_022_Verse_028.mp3,"Ŋuɖoɖoa anye be, ‘Elabena wogblẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nubabla ɖi hesubɔ mawu bubuwo eye wode ta agu na wo.’ ”" data/train/JER/JER_020_Verse_006.mp3,"Fiƒode nenɔ ame si tsɔ dzidzɔnya sia yi na fofonye be, “Wodzi viŋutsu na wò” la dzi!" data/train/JER/JER_032_Verse_020.mp3,"Mabla nu mavɔ kpli wo, nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o eye made dzi ƒo na wo be woavɔ̃m, ale be womagatrɔ le yonyeme akpɔ o." data/train/JER/JER_051_Verse_028.mp3,"“Eƒe ŋusẽ wòtsɔ wɔ anyigbae; eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me, eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee." data/train/JER/JER_008_Verse_009.mp3,Míekpɔ mɔ na ŋutifafa gake nu nyui aɖeke meva o. Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ gake ŋɔdzi koe li. data/train/JER/JER_015_Verse_012.mp3,Nu ka ta nye vevesese nu mele tsotsom o eye nye abiwo lolo ɖe edzi hezu abi makumakuwo? Ɖe nànɔ nam abe bleziblezita alo vudo si megale tsi dzim o la enea? data/train/JER/JER_016_Verse_016.mp3,"O Yehowa, nye ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe le hiahiãgbe, gbɔwòe dukɔwo ava tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, agblɔ be, “Alakpamawuwo koe mia fofowo tsɔ nyi domee; toflokolegbawo wonye, eye womehe nu nyui aɖeke vɛ na wo o." data/train/JER/JER_005_Verse_011.mp3,“Mige ɖe eƒe waingblewo me eye mialã woƒe wainkawo. Ke migagblẽ wo gbidigbidi o. Milã alɔwo elabena dukɔ sia menye Yehowa tɔ o. data/train/JER/JER_049_Verse_032.mp3,“Tso nàdze dukɔ si li bɔkɔɔ kple dukɔ si si dzideƒo le la dzi. Dukɔ si nu agbo alo akɔbli ƒe mɔnuxenu mele o eye eƒe amewo le dziɖeɖi me.” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_027_Verse_010.mp3,"Metsɔ gbedeasi sia ke na Yuda fia Zedekia. Megblɔ nɛ be, “Tsɔ wò kɔ de Babilonia fia, Nebukadnezar, ƒe kɔkuti te; subɔ eya kple eƒe dukɔmetɔwo eye nànɔ agbe." data/train/JER/JER_050_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Wote Israelviwo kple Yudatɔwo siaa ɖe anyi. Ame siwo katã ɖe aboyo wo la lé wo goŋgoŋ, eye wogbe asiɖeɖe le wo ŋu." data/train/JER/JER_052_Verse_014.mp3,Eƒo nu nɛ lɔlɔ̃tɔe eye wòna bubuteƒe si kɔ wu fia siwo katã li kpli le Babilonia la tɔ. data/train/JER/JER_046_Verse_016.mp3,"“Miɖe gbeƒã le Egipte, mido kpoe le Migdol eye mido kpoe le Memfis kple Tapanhes hã. ‘Mitso miadzra ɖo, ne mianɔ mia nɔƒewo elabena yi wu ame siwo ƒo xlã mi godoo.’" data/train/JER/JER_005_Verse_017.mp3,"O Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? ȃo wo gake womese veve o, ègbã wo nyanyanya gake womese veve o, ègbã wo nyanyanya gake wogbe ɖɔɖɔɖowɔwɔ. Wowɔ woƒe mo wòsẽ wu kpe eye wogbe dzimetɔtrɔ." data/train/JER/JER_026_Verse_000.mp3,"“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eye nàƒo nu na Yudatɔ siwo katã tso du vovovowo me va subɔsubɔ wɔ ge le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Gblɔ nu siwo katã mede se na wò be nàgblɔ na wo, nya ɖeka pɛ hã megato le eme o." data/train/JER/JER_031_Verse_008.mp3,"Ame aɖeke magafia nu ehavi alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o, elabena wo katã woadze sim tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,” Yehowae gblɔe. “Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_023_Verse_039.mp3,“Ɖe nye nya mele abe dzo ene kple zu si gbãa kpe sesẽ gudugudu la ene oa?” Yehowae gblɔ. data/train/JER/JER_039_Verse_008.mp3,"Ke Babilonia ƒe aʋakɔ la ti wo yome eye wova tu Zedekia le Yeriko gbegbe. Wolée hekplɔe vɛ na Babilonia fia Nebukadnezar, le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wobu fɔe le." data/train/JER/JER_009_Verse_011.mp3,Ku to míaƒe fesrewo nu ge ɖe mía dzi. Ege ɖe míaƒe mɔ sesẽwo me. Ekplɔ ɖeviwo dzoe le mɔtatawo dzi eye wòɖe ɖekakpuiwo ɖa le dua ƒe ablɔ me. data/train/JER/JER_018_Verse_003.mp3,"Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mibia le dukɔwo dome be, ame kae se esia tɔgbi kpɔ mahã? Ɖetugbi dzadzɛ, Israel, wɔ ŋunyɔnu si teƒe mekɔ o." data/train/JER/JER_003_Verse_015.mp3,"Tso míaƒe ɖekakpuime ke, ŋukpenamawuwo ɖu mía fofowo ƒe agbagbadzedze ƒe kutsetsewo, woƒe alẽhawo, woƒe nyihawo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo." data/train/JER/JER_034_Verse_010.mp3,"ke boŋ àku le ŋutifafa me. Abe ale si amewo do kuteƒedzo na fia siwo do ŋgɔ na wò, ame siwo nye fofowòwo, hetsɔ de bubu wo ŋutii ene la, nenema kee woado dzo atsɔ de bubu ŋutiwòe ahado konyifaɣli be, “Alele, O nye Aƒetɔ!” Nye ŋutɔe do ŋugbe sia, Yehowae gblɔe.’ ”" data/train/JER/JER_032_Verse_016.mp3,"Israelviwo kple Yudatɔwo tsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ la do dziku nam, woawo ŋutɔwo ƒe fiawo, woƒe dumegãwo, woƒe nunɔlawo, woƒe nyagblɔɖilawo, Yuda ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa." data/train/JER/JER_023_Verse_005.mp3,Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe nyagblɔɖila siwo fia nya siwo wosusu be etso gbɔnye la le wo nɔewo gbɔ la ŋuti.” data/train/JER/JER_016_Verse_013.mp3,“Mègaɖe srɔ̃ be nàdzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo ɖe teƒe sia o” data/train/JER/JER_015_Verse_009.mp3,"Mawɔ wo woanye ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo le nu si Hezekia ƒe vi, Manase, Yuda fia wɔ le Yerusalem ta." data/train/JER/JER_044_Verse_007.mp3,"Esi miedo dzudzɔ ʋeʋĩ, hewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe alo wɔ eƒe sewo, ɖoɖowo kple dɔdeasiwo dzi o tae dzɔgbevɔ̃e sia va mia dzi ɖo, abe ale si miele ekpɔm egbea ene.”" data/train/JER/JER_032_Verse_037.mp3,"Woatsɔ klosaloga aƒle agblewo eye woawɔ agbalẽ ɖe wo dzi, ade asi ete kple ɖasefowo, eye woatre wo nu le Benyaminyigba dzi, kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem, le Yuda duwo kple togbɛduwo me, le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to kple gbegbenutowo me, elabena matrɔ woƒe nunyoname vɛ na wo.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_017_Verse_013.mp3,"Ke Yehowa be ne miedze kɔ anyi heɖo tom, eye mietsɔ agba aɖeke to du sia ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe dzi o, ke boŋ miewɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe, eye miewɔ dɔ aɖeke le edzi o la," data/train/JER/JER_006_Verse_006.mp3,"Ame ka maƒo nu na, eye mana nuxɔxlɔ̃e? Ame ka aɖo tom? Woƒe towo xe, eya ta womate ŋu ase nu o. Yehowa ƒe nya vea dɔ me na wo eye womedinɛ be yewoase o." data/train/JER/JER_051_Verse_040.mp3,"Mi ame siwo si le yi nu, midzo, migatɔ ɖi o! Miɖo ŋku Yehowa dzi le didiƒenyigba dzi eye mibu Yerusalem ŋu.”" data/train/JER/JER_048_Verse_045.mp3,"Ɖe menye Israel ye nye wò alɔmeɖenu oa? Ɖe wolée le fiafitɔwo dome kpɔ hafi ne èle nu ƒom tso eŋu la, nèʋuʋua ta fewuɖutɔea?" data/train/JER/JER_050_Verse_015.mp3,"Evɔ la, woƒe Xɔnametɔ nye ŋusẽtɔ hafi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. Aʋli wo ta vevie, ale be wòana gbɔdzɔe woƒe anyigba, gake ana ame siwo katã le Babilonia la natsi dzimaɖi.”" data/train/JER/JER_032_Verse_026.mp3,"Miele gbɔgblɔm le du sia ŋuti be, “To yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ me, woatsɔ du la ade asi na Babilonia fia,” gake ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:" data/train/JER/JER_036_Verse_023.mp3,"Tete Yeremia yɔ Neria ƒe vi, Baruk eye esi Yeremia le nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ la gblɔm la Baruk ŋlɔ wo katã ɖe lãgbalẽ la dzi." data/train/JER/JER_015_Verse_019.mp3,"Yehowa be, “Vavã maɖe wò kokoko le susu nyui aɖe ta. Le nyateƒe me, mana wò ketɔwo naɖe kuku na wò le gbegblẽ kple xaxa ƒe ɣeyiɣiwo me." data/train/JER/JER_033_Verse_017.mp3,"Makplɔ Yuda kple Israel agbɔe tso aboyo me, eye magaɖo wo te abe ale si wonɔ tsã ene." data/train/JER/JER_004_Verse_003.mp3,"“Dzata aɖe do tso eƒe do me, dukɔwo gblẽla aɖe tso dze mɔ. Etso le enɔƒe be wòava wɔ miaƒe anyigba wòazu gbegbe, ne wòawɔ miaƒe duwo woazu aƒedowo eye amewo manɔ wo me o." data/train/JER/JER_024_Verse_003.mp3,"Madɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo dome va se ɖe esime woatsrɔ̃, avɔ le anyigba si metsɔ na wo kple wo fofowo la dzi.’ ”" data/train/JER/JER_003_Verse_002.mp3,"Esi Israel ƒe ŋunyɔnuwɔwɔ nye nu tsɛ aɖe ko le eya gbɔ ta la, edo gu anyigba la eye wòwɔ ahasi kple ati kple kpe." data/train/JER/JER_025_Verse_032.mp3,"Togbɔ be Yehowa dɔ eƒe dɔla nyagblɔɖilawo ɖo ɖe mi zi geɖe hã la, mieɖo to alo mietsɔ ɖeke le eme na wo o." data/train/JER/JER_030_Verse_007.mp3,"Bia eye nàkpɔe ɖa be, Ɖe ŋutsu afɔ fu ahadzi via? Ekema, nu ka ta mekpɔ ŋutsu sesẽ ɖe sia ɖe le asi lilim eƒe ƒodo dzi abe nyɔnu si le ku lém ene, eye woƒe mowo fu tititi ale?" data/train/JER/JER_017_Verse_021.mp3,"To miawo ŋutɔ ƒe vodada me la, miabu domenyinu siwo katã metsɔ na mi. Mana miazu kluviwo na miaƒe futɔwo le anyigba si mienya o la dzi elabena miede dzo nye dɔmedzoe me eya ta abi ɖe mia ŋuti ɖaa.”" data/train/JER/JER_052_Verse_016.mp3,gake Babilonia ƒe aʋakɔ la ti Fia Zedekia yome eye wòva tui le Yeriko tagba. Woma eya kple eƒe asrafowo dome eye asrafoawo kaka gbẽe. data/train/JER/JER_013_Verse_009.mp3,"“Gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miku wain ɖe lãgbalẽgoawo katã me.’ Eye ne woagblɔ na wò be, ‘Ɖe míenyae be ele be woaku wain ɖe goawo katã me o hã?’ la," data/train/JER/JER_004_Verse_027.mp3,Woɖe to ɖee abe agbleŋudzɔlawo ene elabena edze aglã ɖe ŋunye.’ ” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_013_Verse_004.mp3,“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Alea kee magblẽ Yuda ƒe dada kple Yerusalem ƒe dada gã la mee. data/train/JER/JER_032_Verse_018.mp3,"“Le nyateƒe me la, maƒo wo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ la me. Matrɔ wo agbɔe va teƒe sia eye mana woanɔ anyi le dedinɔnɔ me." data/train/JER/JER_050_Verse_033.mp3,"“Nye dukɔ le abe alẽ tatrawo ene, woƒe kplɔlawoe kplɔ wo trae eye wona wole tsatsam le towo dzi. Wole tsaglãla tsam le towo kple togbɛwo dzi eye woŋlɔ woawo ŋutɔ ƒe nɔƒe be." data/train/JER/JER_051_Verse_056.mp3,Womagaɖe kpe aɖeke le mewò atsɔ wɔ dzogoedzikpe alo gɔmeɖokpee o elabena àzu gbegbe tegbee.” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_046_Verse_018.mp3,"Nu ka kpɔm mele? Dzidzi ƒo wo, wogbugbɔ ɖe megbe, woɖu woƒe kalẽtɔwo dzi. Wosi kple du kple du megbemakpɔmakpɔtɔe eye ŋɔdzi ƒo xlã wo godoo.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_003_Verse_005.mp3,"Le esiawo katã megbe hã la, nɔvia nyɔnu, Yuda, godzela, metrɔ va gbɔnye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_023_Verse_036.mp3,"Yehowa ƒe dziku magbugbɔ o va se ɖe esime wòwɔ nu si wòɖo ɖe eƒe dzi me de goe. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, miase nu siawo gɔme keŋkeŋ." data/train/JER/JER_039_Verse_017.mp3,"“Yi nàgblɔ na Kusitɔ, Ebed Melek be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa mana nye nyawo nava eme ɖe du sia ŋuti to gbegblẽ me, menye to dzidzedze me o. Mana woava eme le ŋkuwòme le ɣe ma ɣi me." data/train/JER/JER_030_Verse_023.mp3,"Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la matrɔ adzo o, va se ɖe esime wòwɔ nu siwo katã le eƒe dzi dzi la de goe hafi. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, miase nu sia gɔme." data/train/JER/JER_007_Verse_014.mp3,"Gake womeɖo to alo see nam o. Wonye kɔlialiatɔwo, eye wowɔ nu vɔ̃ɖi wu wo fofowo.’" data/train/JER/JER_050_Verse_038.mp3,"Yehowa be, “Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me la, Israelviwo kple Yudatɔwo siaa awɔ ɖeka ava Yehowa, woƒe Mawu la gbɔ kple avi." data/train/JER/JER_032_Verse_027.mp3,"“Nyee nye Yehowa, amegbetɔwo katã ƒe Mawu. Ɖe nane sesẽ nam akpa?" data/train/JER/JER_016_Verse_004.mp3,"Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Le wò ŋkume kple wò ŋkekewo me, matɔ te dzidzɔkpɔkpɔ kple aglotutu ƒe ɣliwo eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbewo le teƒe sia o.’" data/train/JER/JER_048_Verse_042.mp3,"Yehowa be, ‘Gake ŋkekewo li gbɔna esi maɖo ŋutsu siwo trɔa nu le gowo me la ɖa eye woatrɔe aƒu gbe, woana eƒe gowo naɖi gbɔlo eye woagbã eƒe kpluwo." data/train/JER/JER_050_Verse_034.mp3,"O Babilonia, metre mɔ na wò eye mɔ ɖe wò hafi nèva nya gɔ̃ hã. Woke ɖe ŋuwò eye wolé wò elabena ètsi tsitre ɖe Yehowa ŋu." data/train/JER/JER_025_Verse_034.mp3,"Wogblɔ be, “Mitrɔ azɔ, mia dometɔ ɖe sia ɖe, tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple miaƒe nu tovowo wɔwɔ me, be miate ŋu anɔ anyigba si Yehowa tsɔ na mi la dzi, miawo ŋutɔ kple mia fofowo, tso mavɔ me yi mavɔ me." data/train/JER/JER_007_Verse_000.mp3,"“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miyi edzi, mitsɔ miaƒe numevɔsawo kpe ɖe akpedavɔsawo ŋu eye miawo ŋutɔ miaɖu lã la." data/train/JER/JER_044_Verse_025.mp3,"Yuda ƒe ame mamlɛ siwo si yi ɖe Egipte la dometɔ aɖeke masi alo atsi agbe be wòatrɔ ayi ɖe Yudanyigba dzi, afi si ŋu woƒe dzi ku ɖo vevie be woaɖanɔ o; ame aɖeke matrɔ agbɔ o, negbe aʋasila aɖewo ko.”" data/train/JER/JER_036_Verse_025.mp3,"Tso Safan ƒe vi, Gemaria, agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le xɔxɔnu dzigbetɔ si le gbedoxɔ ƒe Agboyeyea nu me la, Baruk xlẽ Yeremia ƒe nya siwo le lãgbalẽ la dzi la na ame siwo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me." data/train/JER/JER_027_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔ nam nye esi: “Gbi ka, nàtsɔ ati sesẽ eve awɔ kɔkuti eye nàtsɔ kɔkuti la ku wò kɔ." data/train/JER/JER_013_Verse_010.mp3,"Ke ne mieɖo to o la, mafa avi le bebeme le miaƒe dada ta. Nye ŋkuwo afa avi vevie eye aɖatsi ado le mo nam blobloblo elabena woaɖe aboyo Yehowa ƒe alẽha la." data/train/JER/JER_022_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa gblɔ le Salum, Yosia ƒe vi, ame si ɖu fia le Yuda ɖe fofoa yome, gake dzo le teƒe sia ŋutie nye esi: “Magatrɔ agbɔ gbeɖe o." data/train/JER/JER_003_Verse_000.mp3,"Ekema mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi ƒe didi nu, ame siwo akplɔ mi le nunya kple nugɔmesese me." data/train/JER/JER_024_Verse_004.mp3,"Mana dzi wo, ne woadze sim be nyee nye Yehowa. Woanye nye dukɔ eye manye woƒe Mawu elabena woatrɔ agbɔ, ava gbɔnye kple woƒe dzi blibo.’" data/train/JER/JER_030_Verse_002.mp3,"“Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Wò abi la nye abi makumaku, eye nuvevi si wɔ wò la, womate ŋu adae o." data/train/JER/JER_004_Verse_009.mp3,"Le ɣe ma ɣi la, woagblɔ na ame siawo kple Yerusalem be, “Ya xɔdzo aɖe ƒo tso to ƒuƒluwo dzi to gbegbe gbɔna va nye amewo gbɔ gake menye wòagbɔ nu alo aklɔ nu ta o." data/train/JER/JER_041_Verse_016.mp3,wokplɔ woƒe aʋakɔ la katã be woayi aɖawɔ aʋa kple Netania ƒe vi Ismael. Wova tui le tɔ gã si le Gibeon la to. data/train/JER/JER_028_Verse_009.mp3,"Le ƒe eve megbe la, matrɔ nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar lɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me tsɔ yi Babilonia la vɛ." data/train/JER/JER_051_Verse_024.mp3,"Esia nye gbedeasi si Yeremia tsɔ na dɔnunɔlagã Seraya, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, esi wòyi ɖe Babilonia kple Yuda fia Zedekia, le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me." data/train/JER/JER_009_Verse_007.mp3,"Gblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Amegbetɔwo ƒe ŋutilã kukuwo akaka abe gbeɖuɖɔ wolɔ kɔ ɖe agble dzi ene. Woanɔ abe nukue nuŋela ŋe ƒo ɖi, eye ame aɖeke meli afɔ wo o ene.’ ”" data/train/JER/JER_049_Verse_005.mp3,"“Edom azu ŋɔdzinu, ame siwo katã ato eŋu ava yi la ƒe mo awɔ yaa eye woaɖu fewu le eŋu le abi siwo wòxɔ la ta." data/train/JER/JER_001_Verse_014.mp3,"Yehowa ƒe nya gava nam be, “Nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be, “Mekpɔ ze si me tsi le fiefiem le, eye wòviã ɖe anyiehe gome.”" data/train/JER/JER_032_Verse_012.mp3,"Ètsɔ anyigba sia, si nèka atam be yeatsɔ ana wo fofowo la na wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo fũu." data/train/JER/JER_007_Verse_022.mp3,"“Ne ègblɔ nu siawo katã na wo la, womaɖo to wò o. Ne èyɔ wo la, womatɔ na wò o." data/train/JER/JER_046_Verse_019.mp3,"Nu ka ŋuti woana wò kalẽtɔwo naɖo baba ɖe anyigba? Womate ŋu anɔ te o, elabena Yehowa atutu wo aƒu anyi." data/train/JER/JER_048_Verse_019.mp3,"Mide dze Moab elabena aƒaƒã eye eƒe duwo azu aƒedo, ame aɖeke maganɔ wo me o." data/train/JER/JER_043_Verse_000.mp3,"Ale Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo katã le eŋu kple ameha la katã gbe be yewomawɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde na wo be woanɔ Yudanyigba dzi la dzi o." data/train/JER/JER_031_Verse_014.mp3,"“Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe. “Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti. Manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ." data/train/JER/JER_028_Verse_010.mp3,"Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, esi Nyagblɔɖila Hananiya ŋe kɔkuti le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be," data/train/JER/JER_005_Verse_010.mp3,"Miaƒe nu tovowo wɔwɔe xe mɔ na nu siawo katã, eye miaƒe nu vɔ̃wo te nu nyuiwo mi." data/train/JER/JER_014_Verse_009.mp3,"“Gblɔ nya sia na wo be, “ ‘Na be aɖatsi nasi tso nye ŋkuwo me zã kple keli madzudzɔmadzudzɔe elabena vinyenyɔnu si menya ŋutsu o, ame si nye dukɔ la, xɔ abi vevie le esi wogbãe ta." data/train/JER/JER_052_Verse_002.mp3,"Ale Yehoyatsin ɖe eƒe gaxɔmewu da ɖi, heɖu nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me." data/train/JER/JER_003_Verse_007.mp3,"Le ɣe ma ɣi la, woayɔ Yerusalem be, Yehowa Ƒe Fiazikpui eye dukɔwo katã aƒo ƒu ɖe Yerusalem be woade bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Womagadze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tamesesẽ yome o." data/train/JER/JER_034_Verse_012.mp3,"‘Le ƒe adrelia me la, mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe asi le nɔvia Hebritɔ si tsɔ eɖokui de awɔba me nɛ la ŋu. Esi wòsubɔ wò ƒe ade vɔ megbe la, ele be nàɖe asi le eŋu wòadzo.’ Gake mia fofowo gbe, womeɖo tom alo de nu eme nam o." data/train/JER/JER_013_Verse_016.mp3,"Ne èbia ɖokuiwò be, “Nu ka ta nu sia dzɔ ɖe dzinye hã la le wò nu vɔ̃ gbogboawo ta wovuvu avɔ le ŋuwò eye wowɔ fu wò ŋutilã ɖo?" data/train/JER/JER_033_Verse_008.mp3,"Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘David magbe amekpɔkpɔ ne wòanɔ anyi ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe fiazikpui dzi loo," data/train/JER/JER_004_Verse_006.mp3,Gbe aɖe le gbeƒã ɖem tso Dan. Ele kpo dom gbegblẽ si tso Efraim togbɛwo dzi gbɔna. data/train/JER/JER_033_Verse_002.mp3,"“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ne miate ŋu atu nye nu si mebla kple ŋkeke kple zã, ale be ŋkeke kple zã magava ɖe woƒe ɖoɖo nu o la," data/train/JER/JER_051_Verse_044.mp3,"Ne Babilonia kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòglã eƒe mɔ kɔkɔwo gɔ̃ hã la, madɔ nugblẽlawo ɖe eŋu.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_004_Verse_011.mp3,"Mese ɣli aɖe abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Mese ŋeŋe aɖe abe nyɔnu si le vi gbãtɔ dzim la tɔ ene. Ɣli la nye Zion vinyɔnu si lé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo hetsɔ eƒe asiwo do ɖe dzi la tɔ. Ele gbɔgblɔm be, “Evɔ nam! Nye mo le zi tsyɔm; wotsɔ nye agbe de asi na amewulawo.”" data/train/JER/JER_050_Verse_005.mp3,"Anɔ ko abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo lae ene, ale be ame aɖeke magatso aƒe ɖi o eye ame aɖeke manɔ afi ma hã o.”" data/train/JER/JER_039_Verse_007.mp3,"Ke aʋafia Nebuzaradan gblẽ ame dahe aɖewo ɖe Yudanyigba dzi, ame siwo si naneke mele o eye ɣe ma ɣi etsɔ waingblewo kple agblenyigbawo na wo." data/train/JER/JER_027_Verse_016.mp3,"Tete megblɔ na nunɔlawo kple ame siawo katã be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migaɖo to nyagblɔɖila siwo gblɔna na mi be, ‘Esusɔ vie woatrɔ nu siwo wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me yi Babilonia la gbɔe’ o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi na mi." data/train/JER/JER_027_Verse_014.mp3,"Nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar metsɔ dzoe o esi wòva lé Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi, yi ɖe aboyome le Babilonia kpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe ame ŋkutawo ŋuti." data/train/JER/JER_005_Verse_025.mp3,"Yehowa be, “O Israel ƒe aƒe, mele dukɔ aɖe kplɔ ge atso didiƒe ava ƒo ɖe dziwò, blemadukɔ si li tegbee, dukɔ si ƒe gbegbɔgblɔ mènya o, eye mèse egɔme hã o." data/train/JER/JER_002_Verse_023.mp3,"O, dziƒowo, miaƒe nu neku le esia ta, eye miadzo nyanyanya kple ŋɔdzi gã.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_030_Verse_009.mp3,"“Eya ta mègavɔ̃ o. O, nye dɔla Yakob. O Israel, wò mo megatsi dãa o.” Yehowae gblɔe. “Le nyateƒe me, makplɔ wò tso didiƒenyigba dzi, eye maɖe wò dzidzimeviwo hã tso aboyo me. Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me eye ame aɖeke magado vodzi nɛ o." data/train/JER/JER_010_Verse_014.mp3,"Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye, ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃." data/train/JER/JER_022_Verse_029.mp3,“Ɖe sedati gbogbo siwo le asiwò la wɔ wò nèzu fia? Ɖe nuɖuɖu kple nunono menɔ fofowò si oa? Fofowò wɔ nu si dze eye wòle eteƒe eya ta nu sia nu dze edzi nɛ nyuie. data/train/JER/JER_028_Verse_005.mp3,"Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mele ɖe wò ge ɖa le anyigba dzi. Àku le ƒe sia me, elabena ègblɔ aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu ƒe nya.’ ”" data/train/JER/JER_039_Verse_014.mp3,"Le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, wogbã du la ƒe gli ƒu anyi." data/train/JER/JER_036_Verse_014.mp3,Fia la kple eŋutime siwo katã se agbalẽ la me nyawo la meɖe vɔvɔ̃ aɖeke fia alo dze awu le wo ɖokuiwo ŋuti o. data/train/JER/JER_044_Verse_009.mp3,"“Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Meɖoe kplikpaa be, mahe dzɔgbevɔ̃e va mia dzi, eye matsrɔ̃ Yuda katã." data/train/JER/JER_052_Verse_005.mp3,Aʋafia Nebuzaradan kplɔ wo yi na Babilonia fia le Ribla. data/train/JER/JER_025_Verse_037.mp3,"Ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ nye esi mele nu ƒom na mi. Tso keke Amon ƒe vi Yosia, Yuda fia ƒe ƒe wuietɔ̃lia me va se ɖe fifia, Yehowa ƒe nya va nam, eye megblɔe na mi enuenu, gake mieɖo to o." data/train/JER/JER_034_Verse_021.mp3,"Ŋutsu siwo tu nye nubabla, eye womewɔ ɖe nu si wobla le ŋkunye me la dzi o la, mawɔ wo abe nyivi si wofe ɖe eve hezɔ to eƒe titina la ene." data/train/JER/JER_018_Verse_004.mp3,"Eya ta tsɔ wo viwo de asi na dɔwuame, tsɔ wo de asi na yi ƒe ŋusẽ. Na be wo srɔ̃wo nazu konɔwo kple ahosiwo, na be woawu wo srɔ̃ŋutsuwo, eye woƒe ɖekakpuiwo natsi yi nu le aʋagbedzi." data/train/JER/JER_051_Verse_021.mp3,"Elabena Israel kple Yuda ƒe Mawu la Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, megbe wo o, togbɔ be woƒe anyigba la yɔ fũu kple nu vɔ̃ le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe ŋkume hã." data/train/JER/JER_010_Verse_018.mp3,Wo katã wonye susumanɔsitɔwo kple numanyalawo. Aklamakpakpɛ si mele ɖeke me o lae nye woƒe nufiala. data/train/JER/JER_031_Verse_017.mp3,"Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehenyigba dzi vɛ eye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, funɔwo kple kulélawo anɔ wo dome; ameha gã aɖe ŋutɔe atrɔ agbɔ." data/train/JER/JER_041_Verse_008.mp3,"Ismael wu Yudatɔ siwo ƒo ƒu ɖe Gedalia gbɔ le Mizpa la hã, hekpe ɖe Babiloniasrafo siwo le afi ma la ŋuti." data/train/JER/JER_026_Verse_004.mp3,"Esi Fia Yehoyakim kple eŋumewo kple eƒe dumegãwo se eƒe nyawo la, fia la di vevie be yeawui, Ke Uria see eye wòsi kple vɔvɔ̃ yi Egipte." data/train/JER/JER_025_Verse_030.mp3,"Ne wonoe la, woazɔ sɔgɔsɔgɔ, eye woƒe tagbɔ atɔtɔ, le yi si maɖo ɖe wo dome la ta.”" data/train/JER/JER_007_Verse_033.mp3,"“ ‘Ɖe miagafi fi, awu ame, awɔ ahasi, aka atam dzodzro, ado dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal eye miadze mawu bubu siwo mienya o la yome vɔ," data/train/JER/JER_038_Verse_003.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woatsɔ du sia ade asi na Babilonia fia ƒe aʋakɔ kokoko eye woaxɔe.’ ”" data/train/JER/JER_011_Verse_023.mp3,“Ɖo to nubabla sia me nyawo ne nàgblɔ wo na Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem. data/train/JER/JER_008_Verse_004.mp3,"Esi wogbã nye dukɔ ta la, nye hã megbã, mexa nu eye dzidzi ƒom." data/train/JER/JER_031_Verse_040.mp3,"Ɖe Efraim menye vinye lɔlɔ̃, vi si ŋu mekpɔa ŋudzedze le oa? Togbɔ be meƒoa nu le eŋu zi geɖe hã la, nye ŋkuwo gale eŋuti ko. Eya ta nye dzi le eyome ɖaa eye mekpɔa nublanui nɛ ŋutɔ,” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_050_Verse_025.mp3,"“Misi do go le Babilonia, midzo le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi eye minɔ abe agbowo le alẽhawo ŋgɔ ene," data/train/JER/JER_029_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔ le Ahab, Kolaya ƒe vi kple Zedekia, Maaseya ƒe vi, ame siwo le aʋatsonyagblɔɖiwo gblɔm le nye ŋkɔ dzi la ŋutie nye esi: “Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia, Nebukadnezar eye wòawu wo le mia ŋkume." data/train/JER/JER_028_Verse_015.mp3,"Tsã la, nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na nye kple wò la gblɔ aʋawɔwɔ, gbegblẽ kple dɔvɔ̃ ƒe nyawo ɖi ɖe dukɔ geɖewo kple fiaɖuƒe geɖewo ŋuti." data/train/JER/JER_014_Verse_015.mp3,"O Yehowa, míedze si míaƒe nu tovowo wɔwɔ kple mía fofowo ƒe nu vɔ̃wo. Vavãe míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò." data/train/JER/JER_052_Verse_001.mp3,"Ale le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Babilonia fia, Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖe Yerusalem dua ŋuti. Woƒu asaɖa anyi ɖe gli la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la." data/train/JER/JER_043_Verse_009.mp3,"Le esia teƒe la, Yohanan, Karea ƒe vi kple asrafomegãwo katã kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yuda, ame siwo trɔ gbɔ be woava nɔ Yudanyigba dzi tso dukɔ siwo katã me wokaka ɖo la dzoe." data/train/JER/JER_031_Verse_024.mp3,"“O mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya, miɖe gbeƒãe le ƒutadu didiwo me. Ame si kaka Israel gbẽe la, agaƒo wo nu ƒu eye wòakpɔ eƒe alẽha dzi abe alẽkplɔla ene!" data/train/JER/JER_031_Verse_029.mp3,"Woatrɔ gbɔ kple avifafa eye woanɔ gbe dom ɖa ne mekplɔ wo gbɔnae. Makplɔ wo ato mɔ zɔzrɔ̃e si dzi womakli nu le o, ato tɔʋuwo to elabena nyee nye Israel fofo eye Efraim nye viŋutsu ŋgɔgbea nam." data/train/JER/JER_050_Verse_037.mp3,"Yehowa be, “Ava eme be lã wɔadãwo kple amegaxiwo anɔ afi ma, eye golowo hã atso aƒe ɖe afi ma. Maganye amenɔƒe alo amewo magatso aƒe ɖi akpɔ o, tso dzidzime yi dzidzime." data/train/JER/JER_017_Verse_014.mp3,"Matsɔ nye to si le anyigba dzi, miaƒe nu xɔasiwo kple miaƒe kesinɔnuwo katã ana woaha hekpe ɖe miaƒe nuxeƒewo ŋuti le nu vɔ̃ si miewɔ le miaƒe anyigba blibo la dzi la ta." data/train/JER/JER_027_Verse_021.mp3,"Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ kple Yuda fia ƒe fiasã me le Yerusalem la ŋutie nye esi:" data/train/JER/JER_050_Verse_012.mp3,"elabena made adã ta me na dukɔ siwo le anyiehenyigba dzi ɖe Babilonia ŋu eye woawɔ ɖeka aho ɖe eŋu. Woava aƒu asaɖa anyi ɖe eŋu eye woava lée tso anyiehe gome. Woƒe aŋutrɔwo magbɔ ƒuƒlu o, elabena woanɔ abe ame siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me la tɔwo ene." data/train/JER/JER_052_Verse_011.mp3,"Esia nye ame siwo Nebukadnezar kplɔ yi aboyo mee la ƒe xexlẽme: Le eƒe ƒe adrelia me, Yudatɔwo, ame akpe etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (3,023);" data/train/JER/JER_023_Verse_015.mp3,"Kpɔ ɖa,” ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe ame siwo tsɔ alakpadrɔ̃ewo gblɔa nya ɖi la ŋuti. Wogblɔnɛ na dukɔa, eye wokplɔa nye amewo tranae to woƒe alakpa vivivo la me, evɔ nyemedɔ wo alo de dɔ asi na wo o. Womenye viɖe aɖeke na nye dukɔ o,” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_013_Verse_017.mp3,Nu ka nàgblɔ nenye be Yehowa tsɔ ame siwo nèhe be woanye xɔ̃wòwo la ɖo tatɔwo na wò? Ɖe màse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene oa? data/train/JER/JER_001_Verse_008.mp3,"Kpɔ ɖa, egbe mewɔ wò nènye du si woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe. Mewɔ wò gasɔti kple akɔbliglii, be nàtsi tsitre ɖe anyigba blibo la ŋuti, ɖe Yuda fiawo, woƒe dumegãwo, nunɔlawo kple anyigbadzinɔlawo katã ŋuti." data/train/JER/JER_004_Verse_008.mp3,"Kpɔ ɖa! Egbɔna abe lilikpowo ene, eƒe tasiaɖamwo le du dzi abe ahomya ene eye eƒe sɔwo ɖea abla wu hɔ̃wo. Baba na mí! Míetsrɔ̃ vɔ!" data/train/JER/JER_036_Verse_003.mp3,"dumegãwo katã dɔ Yehudi, Netania ƒe vi, Selemia ƒe vi, Kusi ƒe vi ɖo ɖe Baruk be woagblɔ nɛ be, “Tsɔ lãgbalẽ si me nèxlẽ nu le na dukɔ la, ne nàva.” Tete Neria ƒe vi, Baruk, yi wo gbɔ kple lãgbalẽ la." data/train/JER/JER_013_Verse_006.mp3,"ekema gblɔ na wo be, aleae Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsɔ ahamumu ayɔ ame siwo katã le anyigba la dzi mee fũu, fia siwo nɔ David ƒe fiazikpui dzi la hã anɔ eme hekpe ɖe nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã le Yerusalem ŋuti." data/train/JER/JER_051_Verse_051.mp3,Woadze anyi aku ɖe Babilonia eye woaxɔ abi vevie le eƒe ablɔwo dzi. data/train/JER/JER_029_Verse_027.mp3,"Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ vɔ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe hã nake na mi." data/train/JER/JER_049_Verse_016.mp3,Mahe ŋɔdzi va dziwò tso ame siwo ƒo xlã wò la gbɔ.” Aƒetɔ lae gblɔe. “Woanya mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖa eye ame aɖeke maƒo aʋasilawo nu ƒu o. data/train/JER/JER_017_Verse_019.mp3,"Nyemesi dzo be nyemaganye wò alẽkplɔla o; ènya be ŋkeke vɔ̃ la hã medzrom o. Nu siwo katã megblɔ kple nye nu la, le ƒeƒle le ŋkuwòme." data/train/JER/JER_036_Verse_013.mp3,Fia la dɔ Yehudi be wòaɖatsɔ lãgbalẽ la vɛ. Yehudi yi ɖatsɔe le agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me eye wòxlẽe na fia la kple eƒe dumegã siwo katã le tsitre ɖe exa. data/train/JER/JER_005_Verse_004.mp3,"Eya ta dzata ado tso ave me ava dze wo dzi, amegaxi ado tso gbegbe avuvu wo, eye lãkle ava de xa ɖe woƒe duwo ƒe gbɔto, be wòavuvu ame si ake atse ado go la ʋayaʋaya, elabena woƒe aglãdzedze lolo, eye woƒe megbededewo sɔ gbɔ." data/train/JER/JER_036_Verse_015.mp3,"Gawu la, gblɔ na Yuda fia Yehoyakim be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ètɔ dzo lãgbalẽ ma, hegblɔ be, “Nu ka ta nèŋlɔ ɖe edzi be Babilonia fia ava kokoko agblẽ anyigba sia eye wòatsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa ɖa le edzi?”" data/train/JER/JER_017_Verse_022.mp3,Wo viwo gɔ̃ hã ɖo ŋku woƒe vɔsamlekpuiwo kple aƒeli siwo le wo ŋuti le ati damawo te kple togbɛ kɔkɔwo dzi la dzi. data/train/JER/JER_010_Verse_020.mp3,"Wotsɔa gatagbadzɛ klãnɛ ɖe enɔƒe be magamu o. Woƒe aklamakpakpɛ siwo mate ŋu aƒo nu o la le abe xevi nyanu le adzamatregble me ene. Ele be woakɔ wo, elabena womate ŋu azɔ azɔli o. Migavɔ̃ na wo o; womate ŋu awɔ vɔ̃ aɖeke mi alo awɔ nyui aɖeke na mi o.”" data/train/JER/JER_051_Verse_020.mp3,"Ekema nàgblɔ be, ‘Alea Babilonia adze toe eye magaho ɖe dzi akpɔ o, le gbegblẽ si mahe va edzii la ta. Eƒe amewo hã atsi aʋa.’ ” Yeremia ƒe nyawo wu nu ɖe afii." data/train/JER/JER_006_Verse_013.mp3,"“Metsɔ wò ɖo galolõlae eye nye dukɔe nye ga si lolõ ge woala, be nànya, eye nàdo woƒe mɔwo kpɔ." data/train/JER/JER_051_Verse_060.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ta eɖokui ƒe agbe be: Mana amewo nayɔ mewò fũu abe ʋetsuviwo ƒe ha wonye ene, eye woado dziɖuɖu ƒe ɣli ɖe tawò." data/train/JER/JER_045_Verse_003.mp3,"Yehowa be, “Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Magbã nu si nye ŋutɔ metu eye maho nu si nye ŋutɔ medo, le anyigba katã dzi." data/train/JER/JER_049_Verse_015.mp3,"Magbã Elam le eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim la ƒe ŋkume, eye mahe gbegblẽ kple nye dziku helĩhelĩ gɔ̃ hã va wo dzi,” Yehowae gblɔe. “Mati wo yome kple yi va se ɖe esime matsrɔ̃ wo katã." data/train/JER/JER_036_Verse_000.mp3,"Ale Yeremia tsɔ lãgbalẽ bubu na Neria ƒe vi, Baruk, agbalẽŋlɔla la, eye esi Yeremia le nyawo gblɔm la, Baruk ŋlɔ nya siwo katã Yuda fia, Yehoyakim tɔ dzoe le gbãtɔ dzi la ɖe edzi. Wotsɔ nya siwo le abe gbãtɔ ene la kpe ɖe nyawo ŋuti." data/train/JER/JER_001_Verse_010.mp3,"Mabu fɔ nye amewo ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ hegblẽm ɖi, eye wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu bubuwo hesubɔ nu siwo woawo ŋutɔ wɔ kple asi la ta." data/train/JER/JER_039_Verse_004.mp3,Emegbe wògbã ŋku na Zedekia eye wòtsɔ akɔblikɔsɔkɔsɔ dee be wòakplɔe ayi Babilonia. data/train/JER/JER_002_Verse_020.mp3,"Nunɔlawo gɔ̃ hã mebia be, ‘Afi ka Yehowa le?’ o. Ame siwo wɔa sea ŋuti dɔ la menyam o. Kplɔlawo dze aglã ɖe ŋutinye. Nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me eye wokplɔ legba maɖinuwo ɖo.”" data/train/JER/JER_015_Verse_007.mp3,"Mana woƒe ahosiwo nasɔ gbɔ wu ƒutake. Le ŋdɔkutsu dzeati makplɔ nugblẽla vɛ, wòava ƒo ɖe ɖekakpuiwo dadawo dzi. Mahe vevesese kple ŋɔdzi va wo dzi kpoyi!" data/train/JER/JER_027_Verse_011.mp3,"Migaɖo to wo o. Misubɔ Babilonia fia, ekema mianɔ agbe. Nu ka ŋuti du sia azu aƒedo?" data/train/JER/JER_013_Verse_011.mp3,"Le ŋkeke geɖewo megbe la, Yehowa gblɔ nam be, “Yi ɖe Frat azɔ nàɖatsɔ alidziblanu si megblɔ na wò be nàɣla ɖe afi ma.”" data/train/JER/JER_010_Verse_021.mp3,Wotsɔa klosalo kple sika fana ɖe eŋuti. data/train/JER/JER_048_Verse_032.mp3,"Woatsrɔ̃ Moab, be maganye dukɔ azɔ o, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe." data/train/JER/JER_046_Verse_005.mp3,Dukɔwo ase wò ŋukpeŋkɔ eye wò ɣlidodo axɔ anyigba la dzi. Kalẽtɔ akli nɔvia kalẽtɔ eye wo kple eve la siaa woadze anyi.” data/train/JER/JER_003_Verse_004.mp3,"Gake, abe nyɔnu si meto nyateƒe na srɔ̃a o ene la, nenemae miawo hã mieto nyateƒe nam o, O Israel ƒe aƒe.”" data/train/JER/JER_037_Verse_014.mp3,"Tete Fia Zedekia dɔ ame ɖa be woaɖakplɔe vɛ eye wokplɔe va fiasã la mee, afi si wòbiae le, le bebeme be, “Gbe aɖe va tso Yehowa gbɔa?” Yeremia ɖo eŋu be, “Ɛ̃, woakplɔ wò ade asi na Babilonia fia.”" data/train/JER/JER_016_Verse_017.mp3,"“Yehowa be, gake ŋkekewo li gbɔna esi amewo magagblɔ be, ‘Meta Yehowa si kplɔ Israelviwo tso Egipte ƒe agbe’ o." data/train/JER/JER_010_Verse_009.mp3,"Ke Mawue wɔ anyigba kple eƒe ŋusẽ; eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me, eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee." data/train/JER/JER_044_Verse_021.mp3,"Tete Yeremia gblɔ na ameawo katã, ŋutsu kple nyɔnu siwo le nya ŋu ɖom nɛ la be," data/train/JER/JER_029_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ na ame siwo katã mekplɔ tso Yerusalem yi ɖe aboyo mee le Babilonia," data/train/JER/JER_006_Verse_007.mp3,"“Elabena wo katã wonye ŋuklẽlawo ɖe viɖe ŋuti, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa nye alakpatɔwo." data/train/JER/JER_031_Verse_000.mp3,"Abe ale si nye ŋku le wo ŋu be maho wo, malã wo, maxlã wo ɖi, matsrɔ̃ wo eye mahe dzɔgbevɔ̃e va wo dzii ene la, nenema kee manɔ te ɖe wo ŋu be woatu xɔ eye woaƒã nu” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_049_Verse_022.mp3,"Mi ame siwo le Dedan, mitrɔ, misi, miyi ɖaɣla ɖe agado goglowo me, elabena mahe gbegblẽ va Esau dzi, ne ɣeyiɣi de be mahe to nɛ." data/train/JER/JER_034_Verse_011.mp3,"“ ‘Ke hã la, se Yehowa ƒe ŋugbedodo, O Yuda fia Zedekia. Ale Yehowa gblɔ tso ŋutiwòe nye esi: Màtsi yi nu o," data/train/JER/JER_006_Verse_024.mp3,"Woatsɔ woƒe aƒewo ana ame bubuwo hekpe ɖe woƒe agblewo kple wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu, ne medo nye asi ɖa ɖe ame siwo le anyigba dzi la ŋuti.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_012_Verse_010.mp3,"Nɔviwò kple wò ŋutɔ wò ƒometɔwo gɔ̃ hã de wò asi eye wodo ɣli sesĩe ɖe tawò. Togbɔ be woƒo nu nyuie le ŋutiwò hã la, mègaɖo dzi ɖe wo ŋu o." data/train/JER/JER_049_Verse_003.mp3,“Azɔ mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome eye maɖi gbɔ̃ wò vevie. data/train/JER/JER_049_Verse_030.mp3,"“O Hesbon, fa avi kple ɣli, elabena wogbã Ai! Mido ɣli, O mi Raba me nɔlawo! Mita akpanya ne miafa konyi; miƒu du tso afii yi afi mɛ le glikpɔtɔtɔ la me, elabena Molek ayi aboyo me, kpe ɖe nunɔlawo kple dumegãwo ŋuti." data/train/JER/JER_005_Verse_009.mp3,"Mebui be, “Ame siawo la, ame dahewo ko wonye. Wonye movitɔwo hã elabena womenya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu la ƒe didiwo o." data/train/JER/JER_016_Verse_012.mp3,"Maɖo eteƒe na wo zi eve le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena wodo gu nye anyigba kple woƒe aklamakpakpɛwo, eye woli legba nyɔŋuwo ɖe nye domenyinu la dzi fũu.’ ”" data/train/JER/JER_033_Verse_015.mp3,"Le ŋkeke mawo me la, woaɖe Yuda, eye Yerusalem anɔ anyi le dedinɔnɔ me. Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ, ‘Yehowa Míaƒe Dzɔdzɔenyenye?’" data/train/JER/JER_009_Verse_021.mp3,Xɔlɔ̃ blea xɔlɔ̃ eye ame aɖeke metoa nyateƒe o. Wofia aʋatsokaka woƒe aɖewo eye woɖea fu na wo ɖokuiwo vevie kple nu vɔ̃ wɔwɔ. data/train/JER/JER_019_Verse_012.mp3,"Tete Yeremia trɔ tso Tofet, afi si Yehowa dɔe ɖo be wòagblɔ nya ɖi heva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu eye wògblɔ na ameha la bena," data/train/JER/JER_004_Verse_019.mp3,"Ne mieta nu be ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ le nyateƒe, kakaɖedzi kple dzɔdzɔenyenye me la, ekema ayra dukɔwo eye le eya amea mee woaƒo adegbe le.”" data/train/JER/JER_013_Verse_020.mp3,"wò ahasiwɔwɔ, wò ahiãgbetetewo kple wò gbolowɔwɔ ŋukpemanɔmetɔe! Mekpɔ wò ŋunyɔnuwɔwɔwo le togbɛwo dzi kple baliwo me. Oo, Yerusalem, babaa na wò. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàƒo ɖi ase ɖo?”" data/train/JER/JER_042_Verse_010.mp3,"Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia." data/train/JER/JER_007_Verse_034.mp3,"Ɖeviwo le nake fɔm, wo fofowo le dzo dom, wo dadawo le amɔ blum ne woame akpɔnɔ na Dziƒofianyɔnu. Woƒo aha ɖi na mawu bubuwo ne woatsɔ ado dziku nam." data/train/JER/JER_048_Verse_033.mp3,"Woaxɔ Keriyɔt kple eƒe mɔ sesẽwo. Gbe ma gbe la, Moab ƒe Kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene." data/train/JER/JER_010_Verse_019.mp3,Wogbã nye agbadɔ eye wolã eƒe kawo. Vinye ŋutsuwo dzo eye womegali o. Ame aɖeke mesusɔ si atu nye agbadɔ nam alo akpe ɖe ŋunye awɔ gbɔɖemeƒe nam o. data/train/JER/JER_002_Verse_009.mp3,"Ekema afi ka gɔ̃e mawu siwo miewɔ na mia ɖokuiwo la le? Woneva ne woate ŋu aɖe mi, ne mieɖo xaxa me! O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔ abe wò duwo ene.”" data/train/JER/JER_050_Verse_031.mp3,"Miɖe to ɖee miado ɣli ɖe eta! Ena ta, eƒe gbetakpɔxɔwo mu dze anyi eye wogbã eƒe gliwo ƒu anyi. Esi wònye Yehowa ƒe hlɔ̃biabiae ta la, mibia hlɔ̃e; miwɔe nɛ abe ale si wòwɔe na ame bubuwo ene." data/train/JER/JER_023_Verse_028.mp3,"Wobu xaa be drɔ̃e siwo wolĩna na wo nɔewo la awɔe be nye amewo aŋlɔ nye ŋkɔ be abe ale si wo fofowo ŋlɔ nye ŋkɔ be, to Baal subɔsubɔ me ene.”" data/train/JER/JER_014_Verse_011.mp3,"Le wò ŋkɔ la ta, mègaɖe kɔ ɖa le mía ŋu o; mègaɖe bubu le wò ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋuti o. Ɖo ŋku nu si nèbla kpli mí la dzi eye mègatui o." data/train/JER/JER_050_Verse_019.mp3,"“Israel nye alẽha si dzatawo ɖe ɖe nu, eye wokaka gbẽe. Ame gbãtɔ si vuvui lae nye Asiria fia ame mamlɛtɔ si gbã eƒe ƒuwo lae nye Babilonia fia Nebukadnezar.”" data/train/JER/JER_004_Verse_021.mp3,"O nye dablibɛƒoƒo, nye dablibɛƒoƒo! Mele ŋeŋem le vevesese me. O nye dzi xɔ abi ɖe dɔ me nam! Nye dzi le ƒoƒom le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o, elabena mese kpẽ ƒe ɖiɖi, mese aʋaɣlidodo." data/train/JER/JER_006_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye si, “Mina ne woaxa Israel ƒe ame susɔeawo abe ale si woxaa waintsetse le kawo ŋu ƒiaƒiaƒiae ene. Gatsɔ wò asiwo lili kawo ŋu abe ame si le wain gbem la ene.”" data/train/JER/JER_032_Verse_033.mp3,"“Tso Israelviwo kple Yudatɔwo ƒe ɖekakpuime ke la, womewɔ naneke wu nu vɔ̃ɖi le ŋkunye me o. Le nyateƒe me la, Israelviwo mewɔ naneke wu be woado dziku nam kple nu si woƒe asi wɔ la, o.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_016_Verse_007.mp3,"Elabena nye ŋku le woƒe mɔwo katã ŋu, womele ɣaɣla ɖem o eye woƒe nu vɔ̃wo hã meɣla ɖe nye ŋkuwo o." data/train/JER/JER_051_Verse_033.mp3,"“Le miaƒe ŋkume maxe fe na Babilonia kple Babilonianɔlawo katã, ɖe nu gbegblẽ siwo katã wova wɔ le Zion la ta.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_035_Verse_003.mp3,"Ale Yeremia gblɔ na Rekabi ƒomea be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Miewɔ ɖe mia tɔgbui Yehonadab ƒe sedede dzi eye miewɔ ɖe eƒe ɖoɖowo kple nu siwo katã wòɖo anyi na mi la dzi.’" data/train/JER/JER_028_Verse_004.mp3,"Eva eme le ɣleti atɔ̃lia me le ƒe ma ke me, esi nye ƒe enelia le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me be Nyagblɔɖila Hananiya, Azur ƒe vi si tso Gibeon gblɔ nam le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nunɔlawo kple ameha la katã ŋkume be," data/train/JER/JER_029_Verse_031.mp3,"Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Madɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo ŋuti eye mawɔ wo abe gbotsetse manyomanyo si ƒaƒã ale gbegbe be womate ŋu aɖui o la ene." data/train/JER/JER_009_Verse_010.mp3,"Kpɔ nyuie le xɔlɔ̃wòwo ŋu. Megaka ɖe nɔviwò ŋutsuwo dzi o, elabena nɔvi ɖe sia ɖe nye ameblela eye xɔlɔ̃ ɖe sia ɖe nye ameŋugblẽla." data/train/JER/JER_022_Verse_010.mp3,"Eya ta ale Yehowa gblɔ le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ŋutie nye esi: “Womafa nɛ agblɔ be, ‘Ao, nɔvinye ŋutsu! Ao, nɔvinye nyɔnu!’ o. Eye womafa nɛ be, ‘Ao, nye aƒetɔ! Ao, eƒe atsyɔ̃!’ o." data/train/JER/JER_004_Verse_015.mp3,"Mi Yuda kple Yerusalem ŋutsuwo, mitso aʋa na mia ɖokuiwo na Yehowa. Mitso aʋa na miaƒe dziwo, ne menye nenema o la, nye dziku helĩhelĩ alé dzo abi abe dzo ene eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ siwo miewɔ la ta.”" data/train/JER/JER_022_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Miŋlɔ nu tso ŋutsu sia ŋu abe ame si si vi mele o la ene, ame si nu madze edzi na le eƒe agbe me o; elabena eƒe dzidzimevi aɖeke makpɔ dzidzedze o, eye wo dometɔ aɖeke hã manɔ anyi ɖe David ƒe fiazikpui dzi alo agaɖu fia akpɔ le Yuda o.”" data/train/JER/JER_025_Verse_021.mp3,"kpe ɖe Tiro kple Sidon fiawo katã ŋu, fia siwo tso ƒuta kple ƒugodo;" data/train/JER/JER_009_Verse_025.mp3,"Yehowa be, ‘Ɖe mele be mahe to na wo le esia ta oa? Ɖe mele be mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?’" data/train/JER/JER_023_Verse_012.mp3,"Ke ne nyagblɔɖila alo nunɔla alo ame aɖe ko agblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe gbe’ la, mahe to na ame la kple eƒe aƒekɔ katã." data/train/JER/JER_005_Verse_020.mp3,"Woda alakpa tso Yehowa ŋu hegblɔ bena, “Mawɔ naneke o! Vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o eye míakpɔ dɔwuame alo yi ƒe ŋkume gbeɖe o." data/train/JER/JER_051_Verse_063.mp3,Ŋuta si Babilonia sẽ le míaƒe ŋutilãwo ŋuti la neva edzi. Zion nɔlawoe gblɔe.” “Míaƒe ʋu neva Babilonianɔlawo ƒe ta dzi. ” Yerusalemtɔwoe gblɔe. data/train/JER/JER_044_Verse_026.mp3,"Zi geɖe meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe wo, ame siwo gblɔ na wo be, ‘Migawɔ ŋunyɔnu si metsri vevie la o!’" data/train/JER/JER_012_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye si, “Ke hena nye aƒelika vɔ̃ɖi siwo xɔ domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel sesẽtɔe la, maho wo le woƒe anyigbawo dzi eye maho Yuda ƒe aƒe la le wo dome." data/train/JER/JER_033_Verse_018.mp3,Mawɔ David ƒe dzidzimeviwo woanye nye dɔlawo eye mana Levi vi siwo wɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me la nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ke le ƒuta ene.’ ” data/train/JER/JER_050_Verse_006.mp3,"Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ be, “Kpɔ ɖa, metso ɖe ŋutiwò, O dadala, elabena wò ŋkeke la va ɖo, wò toheɣi ɖo." data/train/JER/JER_003_Verse_008.mp3,"Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ƒe aƒe awɔ ɖeka kple Israel ƒe aƒe la eye wo kple eve la woatso dzigbemenyigba aɖe dzi ava, anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye woƒe domenyinu.”" data/train/JER/JER_050_Verse_010.mp3,Dadala la akli nu adze anyi eye ame aɖeke mafɔe ɖe tsitrenu o. Matɔ dzo eƒe duwo eye dzo la afia ame siwo katã ƒo xlãe la hã.” data/train/JER/JER_023_Verse_035.mp3,"Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esime mana atilɔ dzɔdzɔe, aɖe nadze atso David ƒe ƒome me, anye fia si aɖu fia le nunya me eye wòawɔ nu si le eteƒe kple nu si le dzɔdzɔe le anyigba dzi." data/train/JER/JER_037_Verse_016.mp3,"Tete Yeremia gblɔ na Fia Zedekia be, “Agɔ kae medze le dziwò, wò dumegãwo alo ame siawo dzi, be nètsɔm de gaxɔ me?" data/train/JER/JER_051_Verse_049.mp3,"Nugblẽla aɖe ava ƒo ɖe Babilonia dzi eye wòalé eƒe kalẽtɔwo, ahaŋe woƒe dawo elabena Mawu, nuteƒeɖolae nye Yehowa, aɖo eteƒe na wo wòade pɛpɛpɛ." data/train/JER/JER_008_Verse_013.mp3,"Woasia wo, eye ɣe aɖu wo, ɣleti kple dziƒoŋunuwo aklẽ ɖe wo dzi, nu siwo wotsɔ lɔlɔ̃ na hesubɔ nu siwo yome wodze hebia nu le wo gbɔ eye wode ta agu na wo. Womafɔ wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba." data/train/JER/JER_051_Verse_014.mp3,"Babilonia nye sikakplu le Yehowa ƒe asi me, eye wòna xexea me katã mu aha. Dukɔwo no eƒe wain, eya ta fifi laa la, wo katã wodze aɖaʋa." data/train/JER/JER_029_Verse_008.mp3,"Ekema nu ka ta mèka mo na Yeremia, Anatɔt la, ame si le nyagblɔɖila ƒe dɔ wɔm le mia dome la o?" data/train/JER/JER_013_Verse_018.mp3,"Tete Yehowa ƒe nya va nam zi evelia be," data/train/JER/JER_002_Verse_012.mp3,Medo wò abe wainti nyuitɔ si tso wainka vavã siwo tsena nyuie la dometɔ ɖeka ene. Ke nu ka ta nèwɔ ɖe ŋutinye alea hezu abe wainka si mie le eɖokui si la ene? data/train/JER/JER_009_Verse_023.mp3,"Yehowa be, “Wovua woƒe aɖewo abe dati ene ne woada alakpaŋutrɔ. Menye nyateƒee wotsɔ le dzi ɖum le anyigba la dzi o. Wotsoa nu vɔ̃ ɖeka gbɔ yia bubu gbɔ eye womenyam o." data/train/JER/JER_016_Verse_015.mp3,"“Ne wole nu ɖum le dzidzɔ kpɔm le aƒe aɖe me la, mègage ɖe aƒe ma me nanɔ anyi be yeaɖu nu, ano nu o." data/train/JER/JER_014_Verse_007.mp3,Fɔmizi le gbe me gɔ̃ hã gblẽa via ɖi elabena gbe mumu meli o. data/train/JER/JER_041_Verse_003.mp3,"Esi ameha siwo katã le Ismael ŋu kpɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo kplɔe ɖo la, dzi dzɔ wo ale gbegbe." data/train/JER/JER_006_Verse_030.mp3,"Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la, le ŋu kpem na woa? Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o, eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae gɔ̃ hã o. Eya ta woatsi aʋatsilawo dome. Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_029_Verse_020.mp3,"Mati wo yome kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃, eye woanye ŋɔdzinu na anyigbadzidukɔwo katã. Woazu ɖiŋudonu, bibi, alɔmeɖenu kple vlodonu le dukɔ siwo katã dome menya wo ɖo ɖo la." data/train/JER/JER_052_Verse_018.mp3,"Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe" data/train/JER/JER_009_Verse_013.mp3,"Makaka wo ɖe dukɔwo dome, dukɔ siwo woawo ŋutɔ alo wo fofowo menya o eye mati wo yome kple yi va se ɖe esime metsrɔ̃ wo keŋkeŋ.”" data/train/JER/JER_029_Verse_015.mp3,"Gake ale Yehowa gblɔ le fia si nɔ David ƒe fiazikpui dzi, ame siwo katã susɔ ɖe du sia me, miaƒe dumetɔ siwo meyi aboyo me o la ŋuti," data/train/JER/JER_041_Verse_018.mp3,"ŋutsu blaenyi siwo lũ ge, dze awu le wo ɖokuiwo ŋu eye wode abi wo ɖokuiwo ŋu la, tso Sekem, Silo kple Samaria va eye wotsɔ nuɖuvɔsa kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo ɖe asi va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee." data/train/JER/JER_033_Verse_012.mp3,le aʋa si wowɔ kple Babiloniatɔwo la me. ‘Woayɔ fũu kple ŋutsu siwo mewu le nye dziku kple dɔmedzoe me la ƒe kukuawo. Maɣla nye mo ɖe du sia le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã ta. data/train/JER/JER_031_Verse_031.mp3,"Yehowa be, “Eya ta mɔkpɔkpɔ li na wò etsɔ si gbɔna. Viwòwo atrɔ ayi ɖe woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_027_Verse_013.mp3,"Nu ka ŋuti wò kple wò amewo miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si ƒe ŋugbe Yehowa do na dukɔ si masubɔ Babilonia fia o la ƒe asi me?" data/train/JER/JER_049_Verse_035.mp3,Woƒe anyidzedze ƒe gbeɖiɖi ana anyigba naʋuʋu; eye woase woƒe aviɣli le Ƒu Dzĩ nu ke. data/train/JER/JER_007_Verse_004.mp3,"Elabena esi mekplɔ mia fofowo tso Egipte heƒo nu na wo la, nyemede se na wo tso numevɔsa kple akpedavɔsawo ko ŋu o." data/train/JER/JER_020_Verse_008.mp3,"Ke wò Pasur kple ame siwo katã le wò aƒe me la, woakplɔ mi ayi aboyo me le Babilonia. Afi ma miaku ɖo eye afi ma woaɖi mi ɖo, wò kple xɔ̃wo siwo nègblɔ aʋatsonyagblɔɖiwo na.’ ”" data/train/JER/JER_045_Verse_000.mp3,"“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na wò, Baruk nye esi:" data/train/JER/JER_022_Verse_022.mp3,"‘O Yuda fia, wò ame si nɔ David ƒe fiazikpui dzi, wò dumegãwo kple wò ame siwo toa agbo siawo me yina, mise Yehowa ƒe nya." data/train/JER/JER_050_Verse_003.mp3,"Aleke woŋe, eye wohekaka anyigba blibo la ƒe zu ale! Aleke Babilonia zu gbegbe le dukɔwo dome ale!" data/train/JER/JER_003_Verse_017.mp3,"‘Wò ya, dze si wò vodada elabena èdze aglã ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu; ètsɔ wò nunyonamewo ma na dzromawuwo le ati dama ɖe sia ɖe te eye mèɖo tom o.’ ” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_032_Verse_029.mp3,"“Tete abe ale si Yehowa gblɔe ene la, tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wògblɔ nam be, ‘Ƒle nye agble si le Anatɔt le Benyaminyigba dzi. Esi wònye wò domenyinu wònye be nàxɔe eye wòanye tɔwò ta la, ƒlee na ɖokuiwò.’ “Menyae be esia nye gbe tso Yehowa gbɔ," data/train/JER/JER_016_Verse_011.mp3,"Ke miawo la, miewɔ nu vɔ̃ɖi wu mia fofowo. Kpɔ ale si mia dometɔ ɖe sia ɖe dze eƒe dzi vɔ̃ɖi ƒe aglãdzedze yomee hegbe toɖoɖom ɖa!" data/train/JER/JER_019_Verse_008.mp3,Magbã du sia gudugudu eye mana wòazu alɔmeɖenu. Ame siwo katã ato afi ma ayi la ƒe mo awɔ yaa eye woaɖu fewu le eŋu le ale si wogbãe la ta. data/train/JER/JER_049_Verse_023.mp3,"Migblẽ miaƒe tsyɔ̃eviwo ɖi, maʋli woƒe agbe ta. Miaƒe ahosiwo hã neda woƒe susu ɖe dzinye.”" data/train/JER/JER_029_Verse_025.mp3,"Miɖe srɔ̃ ne miadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Miɖe srɔ̃ na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo, ale be woawo hã nadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Midzi ɖe edzi le afi ma ke migazu ʋɛe o." data/train/JER/JER_018_Verse_021.mp3,Ɖe tsikpe si dzana ɖe Lebanon ƒe agakpewo kɔgo la vɔna? Ɖe eƒe tsi fafɛ si sina toa dukɔ la me tso teƒe didiwo la nu tsona? data/train/JER/JER_004_Verse_010.mp3,Menye kɔ eye mekpɔ anyigba nyonu la zu gbegbe; eƒe duwo katã hã zu aƒedo le Yehowa ŋkume le eƒe dziku helĩhelĩ la ta. data/train/JER/JER_037_Verse_008.mp3,"Gake esi wòɖo Benyamin ƒe Agbo nu la, agbonudzɔlawo ƒe amegã si ŋkɔe nye; Iriya, Selemia ƒe vi, Hananiya ƒe vi, lée hegblɔ be, “Èsi, be yeayi ɖe Babiloniatɔwo dzi!”" data/train/JER/JER_052_Verse_022.mp3,"Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viwo katã le eŋkume, hekpe ɖe Yuda ƒe dumegãwo ŋu." data/train/JER/JER_051_Verse_000.mp3,"“Abe ale si Israel kple anyigba bubuwo dzi tɔwo tsi aʋae le Babilonia ta ene la, nenema wòle na eya hã be wòamu adze anyi." data/train/JER/JER_018_Verse_010.mp3,"Ke ze si mem wòle la gbã ɖe eƒe asiwo me, eya ta zemela la tsɔ anyi la me ze bubu ale si dze eya zemela la ŋu." data/train/JER/JER_019_Verse_011.mp3,"ne miayi ɖe Ben Hinom ƒe Balime si te ɖe agbo si woyɔna be Zemegbo la ŋu. Le afi ma la, ɖe gbeƒã nya siwo magblɔ na wò." data/train/JER/JER_011_Verse_012.mp3,"“Nu ka wɔm nye lɔlɔ̃tɔ le le nye gbedoxɔ la me, le esime wowɔ nu tovowo kple ame geɖewo? Ɖe wò vɔsalã kɔkɔewo ate ŋu aɖe wò le tohehe mea? Elabena ne èle nu tovowo wɔm la, dzi nɔa dzɔwòm.”" data/train/JER/JER_028_Verse_001.mp3,"“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Mele Babilonia fia ƒe kɔkuti la ŋe ge." data/train/JER/JER_050_Verse_001.mp3,Ale Babilonia azu nuhaha eye ame siwo hae la akpɔ afunyinuwo fũu.” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_016_Verse_001.mp3,"“Amegãwo kple ame gblɔewo siaa aku le anyigba sia dzi. Womaɖi wo alo afa na wo o, eye ame aɖeke maxa ɖe wo ta asi eɖokui alo alũ eƒe taɖa o." data/train/JER/JER_046_Verse_013.mp3,“Midzra miaƒe akpoxɔnu gãtɔwo kple suetɔwo ɖo eye miado ayi ɖe aʋa! data/train/JER/JER_008_Verse_022.mp3,"Ɖo to nye dukɔ ƒe avifafa tso anyigba didi aɖe dzi, “Ɖe Yehowa mele Zion oa? Ɖe Fia la megale afi ma oa?” “Nu ka ta wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple dutalegba maɖinuwo do dziku nam ɖo?”" data/train/JER/JER_027_Verse_019.mp3,"Yehowa be, ‘Nyemedɔ wo o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me. Eya ta manya wò ɖa le teƒe sia eye wò kple Nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò la siaa miatsrɔ̃.’ ”" data/train/JER/JER_023_Verse_007.mp3,"Eya ta kpɔ ɖa, maŋlɔ mi be le nyateƒe me, eye matsɔ mi aƒu gbe le nye ŋkume akpe ɖe du si metsɔ na mi kple mia fofowo la ŋuti." data/train/JER/JER_018_Verse_019.mp3,"“Yehowa be O Israel ƒe aƒe, ɖe nyemate ŋu awɔ na wò abe ale si zemela sia wɔ ene oa? O Israel ƒe aƒe, abe ale si anyi nɔa zemela ƒe asi me ene la, nenema miele nye asimee." data/train/JER/JER_005_Verse_019.mp3,"Woava ɖu wò agblemenukuwo kple wò nuɖuɖu, woaɖu viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo. Woaɖu wò alẽhawo kple nyihawo, eye woaɖu wò waintsetsewo kple gbotiwo. Woatsɔ yi agblẽ wò du sesẽ siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo.”" data/train/JER/JER_035_Verse_001.mp3,"Ale meyi be mayɔ Yazania, Yeremia ƒe vi, Habazinia ƒe vi, nɔvia ŋutsuwo kple via ŋutsuwo kple Rekabi ƒomea katã." data/train/JER/JER_002_Verse_031.mp3,"Yehowa be, “Nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋutinye ɖo?” Evɔ mi katã miedze aglã ɖe ŋutinye." data/train/JER/JER_009_Verse_003.mp3,"Amebeble le gã dom ɖe edzi. Le woƒe amebeble ta la, wogbe sidzedzem.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_031_Verse_018.mp3,"“Le ŋkeke mawo me la, amewo magagblɔ be, ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbo eye aɖu le viwo nyɔm’ o." data/train/JER/JER_004_Verse_004.mp3,Eya ta anyigba axa nu eye dziƒo ado viviti elabena meƒo nu eye nyemagbe edziwɔwɔ o. Meɖo ta me eye nyematrɔ susu o.” data/train/JER/JER_041_Verse_004.mp3,"Esi woge ɖe dua me la, Ismael, Netania ƒe vi kple ŋutsu siwo kpe ɖe eŋu la lé wo, tso ta le wo nu eye wotsɔ woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe vudo me." data/train/JER/JER_033_Verse_004.mp3,"alo nunɔla siwo nye Leviviwo la nagbe ame si anɔ nye ŋkume ɖaa anɔ numevɔsa, nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuwo wɔm nam la kpɔkpɔ o.’ ”" data/train/JER/JER_005_Verse_026.mp3,"Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa? Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu, wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o. Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o." data/train/JER/JER_042_Verse_004.mp3,"ekema yi si miele vɔvɔ̃m na la ava tu mi le afi ma eye dɔwuame si le ŋɔ dzim na mi la hã akplɔ mi ɖo ayi Egipte, afi mae miaku ɖo." data/train/JER/JER_023_Verse_029.mp3,"Wogblɔna na ame siwo doa vlom ɖaa la be, ‘Yehowa be: miakpɔ ŋutifafa’, eye wogblɔna na ame siwo zɔna ɖe woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖo nu la be, ‘Dzɔgbevɔ̃e aɖeke mava mia dzi o.’" data/train/JER/JER_022_Verse_014.mp3,"Makplɔ wò ade asi na ame siwo le wò agbe yome tim, Nebukadnezar, Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo nèle vɔvɔ̃m na." data/train/JER/JER_015_Verse_018.mp3,"Yehowa be, “O Yerusalem, ame kae akpɔ nublanui na wò? Ame kae afa na wò? Ame kae atɔ, abia wò agbe ta se?" data/train/JER/JER_032_Verse_014.mp3,"Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo kple Babilonia fia, Nebukadnezar, be woaxɔe." data/train/JER/JER_025_Verse_010.mp3,"Bubuwoe nye Egipte fia, Farao, eŋutinɔlawo, eƒe dumegãwo kple eƒe dukɔmetɔwo," data/train/JER/JER_018_Verse_007.mp3,"gake wòwɔ nu si nye vɔ̃ le nye ŋkume eye meɖo tom o la, ekema matrɔ susu le nu nyui si meɖo be mawɔ nɛ hafi la ŋuti." data/train/JER/JER_022_Verse_024.mp3,"Yaƒoƒo akplɔ wò alẽkplɔlawo katã adzoe, eye woaɖe aboyo wò lɔlɔ̃tɔwo katã. Ekema ŋu akpe wò eye woado vlo wò le wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gbogboawo ta." data/train/JER/JER_049_Verse_021.mp3,"Mexɔ gbedeasi sia tso Yehowa gbɔ: Wodɔ dɔla aɖe ɖe dukɔwo gbɔ be wòagblɔ be, “Miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miadze edzi! Mitso, midze aʋa!”" data/train/JER/JER_037_Verse_017.mp3,"Wodo dziku ɖe Yeremia ŋu vevie, wona woƒoe hetsɔe de ga me ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe si wotsɔ wɔ gaxɔe la me." data/train/JER/JER_028_Verse_007.mp3,Kasia Nyagblɔɖila Hananiya ɖe kɔkuti la le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia eye wòŋee. data/train/JER/JER_051_Verse_012.mp3,"Babilonia azu anyiglago, amegãxiwo nɔƒe eye wòazu ŋɔdzinu kple fewuɖunu, teƒe si ame maganɔ akpɔ o." data/train/JER/JER_049_Verse_004.mp3,"Damasko zu nu beli, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòtrɔ helé du tsɔ, elabena vɔvɔ̃ ɖoe eye ŋeŋe kple vevesese xɔe abe nyɔnu kuléla ƒe vevesese ene." data/train/JER/JER_009_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Mibu eŋuti azɔ! Miyɔ nyɔnu avihadzilawo vɛ. Miyɔ esiwo tea ŋu dzinɛ nyuie." data/train/JER/JER_015_Verse_004.mp3,"Ke ne wobia wò be, ‘Afi ka miayi hã’ la, gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Ame siwo woɖo ɖi na ku la, ayi ku me. Ame siwo woɖo ɖi na yi la, atsi yi nu. Ame siwo woɖo ɖi na dɔwuame la atsi dɔwuame ƒe asi me. Eye ame siwo woɖo ɖi na aboyomeyiyi la, ayi aboyome.’ ”" data/train/JER/JER_005_Verse_014.mp3,"“Nu ka ta matsɔe ake mi ɖo? Mia viwo gbem, eye wota mawu siwo menye mawu o togbɔ be mekpɔ woƒe hiahiãwo katã gbɔ na wo hã la, wogayi ɖawɔ ahasi, eye woƒo ta kpli ɖe gboloxɔwo me." data/train/JER/JER_052_Verse_023.mp3,"Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo. Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi." data/train/JER/JER_027_Verse_006.mp3,"Gake ne dukɔ aɖe bɔbɔ ɖe Babilonia fia ƒe kɔkuti te hesubɔe la, mana be dukɔ ma nanɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi eye wòanɔ edzi. Yehowae gblɔe.”" data/train/JER/JER_009_Verse_008.mp3,"ke boŋ ame si aƒo adegbe la, neƒo adegbe tso nu sia ŋu be, yenyam hese gɔnyeme nyuie be nyee nye Yehowa, ame si nye dɔmenyotɔ, ʋɔnu dzɔdzɔe drɔ̃la kple dzɔdzɔetɔ le anyigba dzi eye esiawo mee medzɔa dzi le,” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_007_Verse_020.mp3,"Migaxɔ beblenyawo dzi se ahanɔ gbɔgblɔm be, “Esiae nye Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ o!”" data/train/JER/JER_051_Verse_030.mp3,"Ke ne dzo ɖo lãme na wo vɔ keŋ la, maɖo nuɖukplɔ̃ na wo, eye mana woamu aha, ale gbegbe be woado ɣli anɔ nu kom xaxaxa, emegbe woadɔ alɔ̃ tegbee, eye womanyɔ akpɔ o.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_018_Verse_011.mp3,"Makaka wo le woƒe futɔwo ŋgɔ abe ɣedzeƒeya ene. Matrɔ nye megbe ade wo le woƒe dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋkeke la dzi, ke menye nye ŋkume o.”" data/train/JER/JER_004_Verse_022.mp3,"O, wò ame si wotsrɔ̃, nu ka wɔm nèle? Nu ka ta nètsɔ awu dzĩ kple sikanuwo do? Nu ka ta nètsɔ ɖoŋkui sisi ɖe ŋkuta ɖo? Dzodzroe nèwɔ leke na ɖokuiwò. Wò lɔlɔ̃tɔwo do vlo wò eye wole wò agbe yome tim." data/train/JER/JER_004_Verse_016.mp3,"“Migblɔ nya sia na dukɔwo, miɖe gbeƒãe na Yerusalem be, ‘Asrafo siwo ɖea to ɖe duwo la gbɔna tso adzɔgenyigba aɖe dzi; wole aʋaɣli dom ɖe Yuda ƒe duwo ŋuti." data/train/JER/JER_013_Verse_023.mp3,"Yehowa be, “Makaka mi ahlẽ abe ale si dzogbeya lɔa tsro ɖe nu ene." data/train/JER/JER_026_Verse_006.mp3,"eye ne mieɖo to nye dɔla nyagblɔɖila siwo meɖo ɖe mi enuenu (ame siwo miedo tokui va yi la ƒe nyawo o la)," data/train/JER/JER_019_Verse_009.mp3,"“ ‘Magblẽ Yuda kple Yerusalem ƒe ɖoɖowo me le teƒe sia. Mana woadze anyi le woƒe futɔwo ŋgɔ, ahatsi woƒe yi nu. Ɛ̃, woatsi ame siwo le woƒe agbe yome tim la ƒe asi me, eye matsɔ woƒe ŋutilã kukuawo awɔ nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadãwo." data/train/JER/JER_029_Verse_022.mp3,"Miagblɔ be, “Yehowa ɖo nyagblɔɖilawo na mi le Babilonia.”" data/train/JER/JER_018_Verse_015.mp3,"Tete wogblɔ be, “Miva, mina míaɖo nugbe ɖe Yeremia ŋu, elabena mele be nunɔlawo ƒe se la fiafia, nunyalawo ƒe aɖaŋudede alo nyagblɔɖilawo ƒe nyawo nabu o, eya ta miva míawɔ avu kplii kple míaƒe aɖewo, eye míado toku nu sia nu si wòagblɔ.”" data/train/JER/JER_010_Verse_023.mp3,"Yehowa, ɖɔm ɖo, gake kple afiatsotso nyui, menye le wò dziku me o. Ne menye nenema o la, àwɔm mazu nu maɖinu." data/train/JER/JER_049_Verse_027.mp3,"Nu ka ŋuti mietsɔ miaƒe balimewo le adegbe ƒom, adegbe ƒom be kutsetse geɖe do go tso wo me? O vinyɔnu ahasitɔ, èda wò susu ɖe wò kesinɔnuwo dzi eye nègblɔ be, ‘Ame kae adze dzinye?’" data/train/JER/JER_052_Verse_025.mp3,"Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewoa gbe, le fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiasiekɛlia me la, Nebuzaradan, aʋafia si wɔ dɔ le Babilonia fia te la va Yerusalem." data/train/JER/JER_006_Verse_027.mp3,"Wole ʋu yɔm kple ŋusẽ be woafia nu manyomanyo la le gadzẽ la me, gake wowɔe ʋuu do kpoe. Elabena womayɔ ʋu ɖe ame vɔ̃ɖi te wòatrɔ o." data/train/JER/JER_006_Verse_023.mp3,Wo katã nye aglãdzela vɔ̃ɖivɔ̃ɖiwo. Wole tsatsam be woagblẽ ame ŋu. Wole abe akɔbli kple gayibɔ ene. Ame dovowoe wo katã wonye. data/train/JER/JER_025_Verse_026.mp3,"Mana nu siwo katã megblɔ ɖi ɖe anyigba ma ŋuti, nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple esiwo Yeremia gblɔ ɖi ɖe dukɔwo ŋuti la nava wo dzi." data/train/JER/JER_009_Verse_004.mp3,"Azɔ la, Oo nyɔnuwo, mise Yehowa ƒe nya, mike miaƒe towo ɖe eƒe numenyawo ŋuti. Mifia mia vinyɔnuwo ale si woado ɣlii. Mifia konyifaha mia nɔewo" data/train/JER/JER_017_Verse_011.mp3,"Gblɔ na wo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya, O Yuda fiawo kple mi Yudatɔwo katã kple mi ame siwo katã le Yerusalem, ame siwo toa agbo siawo me.’" data/train/JER/JER_038_Verse_012.mp3,"Ke Kusitɔ aɖe, Ebed Melek, ame si nye dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka le fiasã me la se be wolé Yeremia de vudo me. Esi fia la nɔ anyi ɖe Benyamingbo la nu la," data/train/JER/JER_046_Verse_023.mp3,"Togbɔ be eƒe avewo do ale gbegbe hã la, woalã wo akɔ ɖi. Ameawo sɔ gbɔ wu ʋetsuviwo eye womate ŋu axlẽ wo o. Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_036_Verse_002.mp3,"Dumegãwo gblɔ na Baruk be, “Wò kple Yeremia, miyi miaɣla mia ɖokui. Migana ame aɖeke nanya afi si miele o.”" data/train/JER/JER_023_Verse_001.mp3,"Anyigba la dzi yɔ fũu kple ahasiwɔlawo eye le fiƒode la ta la, anyigba la ƒu kplakplakpla ale be lãnyiƒe siwo katã le gbegbe la hã yrɔ; elabena Nyagblɔɖilawo ƒe mɔ to vovo eye wowɔa woƒe ŋusẽ ŋu dɔ to mɔ madzɔmadzɔwo dzi." data/train/JER/JER_009_Verse_006.mp3,"Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, mana dukɔ sia naɖu nu veve, eye woano aɖitsi." data/train/JER/JER_003_Verse_014.mp3,"“Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a, eye nyɔnu la dzo ɖaɖe ŋutsu bubu ɖe, ɖe wòle be ŋutsu gbãtɔ nagatrɔ ayi ɖe nyɔnu la gbɔa? Ɖe womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la keŋkeŋ oa? Ke wò la, ènɔ agbe abe gbolo ene kple lɔlɔ̃tɔ geɖewo. Ɖe nàtrɔ ava gbɔnye azɔa?” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_010_Verse_007.mp3,"“Gblɔ nya sia na wo, ‘mawu siawo, esiwo mewɔ dziƒo kple anyigba o la atsrɔ̃ le anyigba dzi kple dziƒoa te.’ ”" data/train/JER/JER_029_Verse_024.mp3,"“Mitso aƒewo ne mianɔ wo me, mide agble eye miaɖu emenuwo." data/train/JER/JER_011_Verse_006.mp3,"Gblɔ na wo be ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Fiƒode le ame si mewɔ ɖe nubabla sia me nyawo dzi o la dzi." data/train/JER/JER_036_Verse_022.mp3,"Tete wobia Baruk be, “Gblɔe na mi, aleke nèwɔ ŋlɔ nu siawo? Yeremiae gblɔ wo na wòa?”" data/train/JER/JER_010_Verse_013.mp3,"Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo." data/train/JER/JER_047_Verse_002.mp3,"“Èdo ɣli be, ‘Ao, Yehowa ƒe yi, ɣe ka ɣi hafi nàgbɔ ɖe eme? Tɔ, trɔ yi ɖe wò aku me eye nànɔ anyi kpoo.’" data/train/JER/JER_011_Verse_007.mp3,"Ke, O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe, doa dzi kple tamesusu kpɔ la, na makpɔ wò hlɔ̃biabia si le wo dzi va ge elabena asiwò me metsɔ nye nya dee." data/train/JER/JER_010_Verse_015.mp3,"O Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o; èlolo eye wò ŋkɔ nye ŋusẽ triakɔ." data/train/JER/JER_008_Verse_010.mp3,"“Nu ka ta mienɔ anyi ɖe afi sia ɖo? Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me ne míatsrɔ̃ ɖe afi ma! Elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ɖoe ɖi be miatsrɔ̃ eye wotsɔ aɖitsi na mí be miano elabena míewɔ nu vɔ̃." data/train/JER/JER_031_Verse_039.mp3,"Ŋkeke li gbɔna, esi gbetakpɔlawo ado ɣli tso Efraim togbɛwo dzi be, ‘Miva ne miayi Zion, ɖe Yehowa miaƒe Mawu la gbɔ.’ ”" data/train/JER/JER_038_Verse_025.mp3,"“Woakplɔ srɔ̃wòwo katã kple viwòwo ayi na Babiloniatɔwo, wò ŋutɔ màsi le wo ƒe asi me o, ke boŋ Babilonia fia alé wò eye wòatɔ dzo du sia keŋkeŋ.”" data/train/JER/JER_041_Verse_009.mp3,"Ke esi Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo le egbɔ la se hlɔ̃donu siwo katã Netania ƒe vi, Ismael wɔ la," data/train/JER/JER_026_Verse_005.mp3,"Esi Yuda ƒe dumegãwo se nu siawo la, wotso le fiasã la me heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ eye woyi ɖatɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe Agbo Yeye la nu." data/train/JER/JER_017_Verse_004.mp3,Ame ƒe dzi nye nu si daa alakpa wu nuwo katã eye womate ŋu ayɔ dɔe o. Ame ka ate ŋu ase egɔme? data/train/JER/JER_010_Verse_005.mp3,Dukɔ siawo ƒe kɔnyinyiwo nye yaka. Wotsoa ati le ave me eye atikpala tsɔa hɛ kpanɛ kple aɖaŋu. data/train/JER/JER_014_Verse_006.mp3,"eye ame siwo wole nya gblɔm ɖi na la, woatsɔ wo akaka ɖe Yerusalem ƒe ablɔwo dzi le yi kple dɔwuame ta. Ame aɖeke manɔ anyi si aɖi woawo ŋutɔwo alo wo srɔ̃nyɔnuwo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo o. Matrɔ dzɔgbevɔ̃e si dze na wo la, akɔ ɖe wo dzi.’" data/train/JER/JER_024_Verse_006.mp3,Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu hena woawo ŋutɔ ƒe nyonyo eye magakplɔ wo agbɔe va anyigba sia dzi. Matu wo eye nyemagbã wo aƒu anyi o. Mado wo eye nyemaho wo aƒu gbe o. data/train/JER/JER_044_Verse_010.mp3,"eya ta metrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖi eye wòbi le Yuda ƒe duwo kple Yerusalem kpɔdomewo, hewɔ wo wozu aƒedo abe ale si miele ekpɔm egbea ene." data/train/JER/JER_018_Verse_005.mp3,"eye dukɔ si ŋu megblɔ nya la ɖo la trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi vavã la, ekema matrɔ susu eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe eŋuti la ava edzi o." data/train/JER/JER_050_Verse_039.mp3,"Yehowa be, “Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me, woatsa, adi Israel ƒe agɔdzedze gake womakpɔ ɖeke o eye woadi Yuda ƒe nu vɔ̃wo gake womakpɔ ɖeke o, elabena matsɔe ake ame susɔe siwo megblẽ ɖi.”" data/train/JER/JER_015_Verse_002.mp3,"Esi wò nyawo va la, meɖu wo, wovivi nunye eye wonye nye dzi ƒe dzidzɔ, elabena wò ŋkɔ le ŋunye, O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu." data/train/JER/JER_048_Verse_011.mp3,Eya ta mado ɣli ɖe Moab ŋu eye mafa avi ɖe Moab blibo ŋu. Mefa na Kir Hareset ŋutsuwo. data/train/JER/JER_011_Verse_020.mp3,"Yehowa na ŋkɔ wò be amiti dama si dzi kutsetse nyuiwo le. Gake le gbeɖeɖe aɖe abe ahom sesẽ ene me la, ana dzo afiae eye eƒe alɔdzewo hã afia keŋkeŋ." data/train/JER/JER_051_Verse_016.mp3,"Duƒula kplɔ duƒula ɖo eye dɔtsɔla kplɔ dɔtsɔla ɖo ne woaɖagblɔ na Babilonia fia be, woxɔ eƒe du la" data/train/JER/JER_052_Verse_000.mp3,"Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo, gazɔwo kple akɔblinyitsu wuieve siwo le wo te kple eƒe afɔtiwo ŋuti, siwo fia Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ, nu siawo katã ƒe akɔbli mele dada me o." data/train/JER/JER_037_Verse_002.mp3,"“Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migable mia ɖokuiwo, asusu be, ‘Babiloniatɔwo aɖe asi le yewo ŋuti o.’ Womaɖe asi o!" data/train/JER/JER_002_Verse_018.mp3,"“Nu ka ta nàgblɔ be, ‘Nyemeɖu kɔ o, nyemeƒu du dze Baalwo yome o?’ Kpɔ ale si nèwɔ le balime la ɖa. Bu nu si nèwɔ la ŋu kpɔ. Èle abe kposɔnɔ si ɖia du eye wòle du sim tso afi yi afi mɛ la ene." data/train/JER/JER_030_Verse_011.mp3,Kafukafuha kple aseyetsogbe aɖi tso wo dome. Mana woadzi ɖe edzi eye wo dzi maɖe akpɔtɔ o. Made bubu wo ŋu eye womaɖi gbɔ̃ o. data/train/JER/JER_015_Verse_016.mp3,"“Wò nu xɔasiwo kple wò kesinɔnuwo la, matsɔ wo ana abe nuhaha ene femaxee le wò nu vɔ̃ siwo nèwɔ le wò dukɔ me godoo la ta." data/train/JER/JER_048_Verse_018.mp3,"Mi Moabtɔwo, misi le miaƒe duwo me, miayi aɖanɔ agakpewo tome. Minɔ abe akpakpa si wɔ atɔ ɖe agado nu ene.”" data/train/JER/JER_049_Verse_034.mp3,"Woaxɔ woƒe avɔgbadɔwo kple woƒe lãhawo eye woaxɔ woƒe gbɔɖemeƒewo kple woƒe nunɔamesiwo kple woƒe kposɔwo. Amewo ado ɣli ɖe wo ŋu be, ‘Ŋɔdzi ƒo xlã mi!’" data/train/JER/JER_038_Verse_008.mp3,"Fia Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mele vɔvɔ̃m na Yudatɔ siwo si yi ɖe Babiloniatɔwo gbɔ, elabena Babiloniatɔwo ate ŋu atsɔm ade asi na wo eye woawɔ fum.”" data/train/JER/JER_027_Verse_001.mp3,"Azɔ la, matsɔ miaƒe dukɔwo katã ade asi na nye dɔla, Babilonia fia, Nebukadnezar. Mawɔe be lã wɔadãwo gɔ̃ hã anɔ eƒe kpɔkplɔ te." data/train/JER/JER_009_Verse_015.mp3,"Mina woava kaba ne woadzi aviha na mí va se ɖe esime aɖatsi nalolõ ɖe ŋku dzi na mí, eye aɖatsi nado bababa tso míaƒe ŋku me." data/train/JER/JER_032_Verse_042.mp3,"Yeremia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya va gblɔe nam be," data/train/JER/JER_006_Verse_026.mp3,"Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ. Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o. Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la, woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene. Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be woava akpe aʋa kpli wò, Oo, Zion vinyɔnu." data/train/JER/JER_009_Verse_005.mp3,"Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa malolõ wo ado wo akpɔ, elabena nu bubu ka mawɔ le nye dukɔ ƒe nu vɔ̃ ta?" data/train/JER/JER_008_Verse_021.mp3,"Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la le ŋu kpem na woa? Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae gɔ̃ hã o. Eya ta woatsi aʋatsilawo dome. Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_046_Verse_000.mp3,"Afi ma woado ɣli le be, ‘Egipte fia Farao nye ɣli ƒuƒlu dola; eƒe mɔnukpɔkpɔ to eta va yi.’ ”" data/train/JER/JER_012_Verse_015.mp3,Wole ewɔ ge wòazu gbegbe kple kuɖiɖinyigba si manyo na naneke le ŋkunye me o. Anyigba la katã azu aƒedo elabena ame aɖeke manɔ anyi si atsɔ ɖe le eme o. data/train/JER/JER_047_Verse_006.mp3,"nenye be wose sɔ siwo le du dzi la ƒe afɔzi kple futɔwo ƒe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ kple woƒe afɔtiwo ƒe totro. Fofowo matrɔ ɖe wo viwo ŋu be woakpe ɖe wo ŋu o elabena woƒe asi adɔ agblɔ ɖe wo ŋu," data/train/JER/JER_044_Verse_020.mp3,"Nyɔnuawo gblɔ kpe ɖe ŋu be, “Esi míedoa dzudzɔ na Dziƒofianyɔnu la eye míeƒoa aha ɖi nɛ la, mía srɔ̃ŋutsuwo menya hã be míemea akpɔnɔ vivi si míewɔ ɖe eƒe nɔnɔme me la heƒoa aha ɖi nɛ oa?”" data/train/JER/JER_026_Verse_003.mp3,ekema mawɔ gbedoxɔ sia abe Silo ene eye du sia azu fiƒodenu le anyigbadzidukɔwo katã dome.’ ” data/train/JER/JER_007_Verse_003.mp3,ekema mana mianɔ teƒe sia le anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye wo tɔ tegbee la dzi. data/train/JER/JER_051_Verse_061.mp3,"“ ‘Yehowa tso afia na mí, miva, míaɖe gbeƒã nu si Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ le Zion.’" data/train/JER/JER_021_Verse_000.mp3,"‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, matrɔ aʋawɔnu siwo le asiwò la ɖe ŋutiwò, aʋawɔnu siwo nètsɔ le aʋa wɔm kple Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua le aʋa wɔm kpli wò. Makplɔ wo aƒo ƒu ɖe du sia titina." data/train/JER/JER_001_Verse_016.mp3,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Èkpɔe tututu, elabena manɔ ŋute akpɔ egbɔ be nye nya va eme.”" data/train/JER/JER_022_Verse_018.mp3,"Megblɔe na wò kɔtɛe esi nèsusu be yele dedinɔnɔ me, gake ègblɔ be, ‘Nyemaɖo to wò o!’ Aleae nye wò nɔnɔme tso wò ɖekakpuime ke; ègbe, mèɖo tom kpɔ o." data/train/JER/JER_037_Verse_006.mp3,"Esi Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔwo ho dzo le Yerusalem, le Farao ƒe aʋakɔwo ta la," data/train/JER/JER_050_Verse_008.mp3,Babilonia fia se nya tso wo ŋu xoxo eye eƒe lãme fa. Vɔvɔ̃ ɖoe eye wòse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene. data/train/JER/JER_005_Verse_001.mp3,"Ale be ne amewo bia be, ‘Nu ka ta Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ esiawo ɖe mía ŋu hã?’ la, miagblɔ na wo be, ‘Esi miegbem hesubɔ dutamawuwo le wò ŋutɔ wò anyigba dzi ta la, azɔ la mianye kluviwo na dutatɔwo le anyigba si menye mia tɔ o la dzi.’" data/train/JER/JER_015_Verse_000.mp3,"Danye, baba be nèdzim. Nye ame si anyigba blibo la le avu wɔm, le nya hem kplii! Nyemedo nugbana na ame aɖeke o, eye ame aɖeke hã medo nugbana nam o, gake ame sia ame le fi ƒom le deyem." data/train/JER/JER_005_Verse_016.mp3,"Nyagblɔɖilawo la, ya ko wonye eye nya la mele wo me o, eya ta, na woawɔ nu si wogblɔ la na wo.”" data/train/JER/JER_043_Verse_002.mp3,Amu legba siwo le Ɣemawu ƒe gbedoxɔ me le Egipte la aƒu anyi eye wòatɔ dzo Egipte mawuwo ƒe trɔ̃xɔwo katã.’ ” data/train/JER/JER_023_Verse_038.mp3,Ɖe ame aɖe abe ɖe bebeƒe aɖe be nyemate ŋu akpɔe oa?” Yehowae gblɔe. “Ɖe nyemeyɔ dziƒo kple anyigba taŋtaŋ oa?” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_010_Verse_003.mp3,Amegbetɔwo katã nye movitɔwo eye nunya mele tagbɔ na wo o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ. Eƒe legbawo nye beble elabena agbe mele wo me o. data/train/JER/JER_035_Verse_017.mp3,"‘Yehonadab, Rekab ƒe vi de se na via ŋutsuwo be womegano wain o, eye wolé eƒe sea me ɖe asi. Va se ɖe egbeŋkekea dzi womenoa wain o, elabena wolé wo tɔgbui ƒe sea me ɖe asi. Gake nye ya meƒo nu na mi edziedzi, ke miegbe toɖoɖom." data/train/JER/JER_002_Verse_013.mp3,"Mègaƒu du va se ɖe esime wò afɔwo natsi ƒuƒlu, eye wò ve me naƒu kplakplakpla o. Gake, ègblɔ be, ‘Mehiã o; melɔ̃ dutamawuwo eya ta ele nam be mati wo yome.’" data/train/JER/JER_014_Verse_012.mp3,"Ne meyi ɖe gbedzi la, mekpɔa ame siwo wowu kple yi la ƒe ŋutilã kukuawo. Ne mege ɖe dua me la, mekpɔa nu si gblẽm dɔwuame le. Nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa yi ɖe anyigba si womenya o la dzi.’" data/train/JER/JER_048_Verse_013.mp3,"Le Moab ƒe xɔwo katã tame kple ablɔwo me la, naneke meli wu konyifafa o, elabena megbã Moab abe kplu si ame aɖeke mele didim o la ene.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_011_Verse_013.mp3,"Nya siwo ƒe se mede na mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso galolõkpodzo me.’ Megblɔ be, ‘Miɖo tom, miwɔ nu siwo katã meɖo na mi, ekema mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu." data/train/JER/JER_004_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Anyigba blibo la azu aƒedo, gake nyemagblẽe gbidigbidi o." data/train/JER/JER_031_Verse_013.mp3,"Esi metra mɔ la, evem, metrɔ dzi me eye esi medze si ɖokuinye la, meƒo akɔta. Azɔ la ŋu kpem eye nye mo tsi dãa elabena nye ɖekakpuimeŋukpe gale ŋunye!’" data/train/JER/JER_020_Verse_011.mp3,"Mese ame geɖewo le dalĩ dom be, “Ŋɔdzi ƒo xlãe! Mitrɔ eta! Mina míadee asi!” Xɔ̃nyewo katã le klalo na nye anyidzedze le gbɔgblɔm be, “Ɖewohĩ woablee ekema míaɖu edzi eye míabia hlɔ̃e.”" data/train/JER/JER_031_Verse_034.mp3,"Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel kple Yuda ƒe aƒewo me." data/train/JER/JER_018_Verse_014.mp3,"O Yehowa, wò la, ènya nugbe si woɖo ɖe ŋunye be yewoawum. Mègatsɔ woƒe hlɔ̃dodowo ke alo nàtutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwòme o. Na be woatsɔ wo axlã ɖe anyi le ŋkuwòme, eye nàtu nu kpli wo le wò dzikudogbe." data/train/JER/JER_017_Verse_001.mp3,"Ale si Yehowa gblɔ nam lae nye esi: “Yi, nàtsi tsitre ɖe agbo si me dua me tɔwo kple Yuda fiawo tona dona, gagbɔna la nu. Nenema ke, nàtsi tsitre ɖe agbo bubu siwo woɖo ɖe Yerusalem dua ŋu la nu." data/train/JER/JER_018_Verse_008.mp3,"Ke ne meɖe gbeƒã ɣe bubu ɣi be maɖo dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe te, ahade eƒe agunu to" data/train/JER/JER_007_Verse_012.mp3,Gake mikpɔ ɖa miele dzi ɖom ɖe beblenya siwo nye toflokowo la ŋuti. data/train/JER/JER_019_Verse_007.mp3,"Gblɔ be, ‘Mise Yehowa ƒe nya. O mi Yuda fiawo kple Yerusalem nɔlawo, ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖo to afii! Mele gbegblẽ he ge ava teƒe sia eye ame sia ame si ase nya sia la ƒe towo me aɖi yeeŋ." data/train/JER/JER_040_Verse_012.mp3,"Tete Karea ƒe vi, Yohanan ɖe kpɔ Gedalia le Mizpa hegblɔ nɛ be, “Na mayi aɖawu Netania ƒe vi, Ismael eye ame aɖeke manya o. Nu ka ta wòaɖe wò agbe ɖa, ahawɔe be Yudatɔ siwo katã ƒo ta kpli ɖe ŋuwò la nakaka eye Yuda ƒe ame mamlɛawo natsrɔ̃?”" data/train/JER/JER_009_Verse_019.mp3,"Wose aviɣli le Zion. ‘Aleke wohetsrɔ̃ mí ale! Aleke míaƒe ŋukpe lolo ale! Ele be míadzo le míaƒe anyigba dzi, elabena míaƒe aƒewo zu aƒedo!’ ”" data/train/JER/JER_003_Verse_010.mp3,"Menye fifi laa koe nèyɔm be, ‘Fofonye kple xɔ̃nye, tso nye ɖekakpuime ke’ oa?" data/train/JER/JER_032_Verse_034.mp3,"‘Tɔwòɖia, Salum, ƒe vi Hanamel ava gbɔwò agblɔ na wò be, “Ƒle nye agble si le Anatɔt elabena, abe ƒonyemetɔ kpamkpam ene la, enye wò gome kple dɔdeasi be nàƒlee?” ’" data/train/JER/JER_042_Verse_007.mp3,"Eɖanye nya nyui alo nya vɔ̃ o, míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la ame si gbɔ míele dɔwòm ɖo, be eme nanyo na mí, elabena míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la.”" data/train/JER/JER_020_Verse_010.mp3,"Matsɔ du sia ƒe kesinɔnuwo, adzɔnuwo, nu xɔasiwo kple Yuda fia ƒe kesinɔnuwo adzoe. Woatsɔ wo adzoe abe nuhaha ene ayi Babilonia kee." data/train/JER/JER_038_Verse_005.mp3,"Ebed Melek tso le fiasã la me yi ɖe egbɔ eye wògblɔ nɛ bena," data/train/JER/JER_022_Verse_003.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye si: Miwɔ nu dzɔdzɔe eye miwɔ nu si le eteƒe. Mixɔ ame si woda adzoe la le ŋutasẽla ƒe fego me. Migawɔ vɔ̃ alo ate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo alo ahosiwo ɖe to o eye migakɔ ʋu maɖifɔ hã ɖi ɖe teƒe sia o;" data/train/JER/JER_023_Verse_033.mp3,"Yehowa be, “Kpɔ ɖa, matso ɖe nyagblɔɖila siwo kpa nya kple woƒe aɖewo, evɔ wohegblɔna be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi’ la ŋuti." data/train/JER/JER_012_Verse_014.mp3,"Woaƒã ƒo gake woaxa ŋu, woaku kutri gake womakpɔ naneke tso eme o. Eya ta, nuku siwo miexa la nakpe ŋu na mi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.”" data/train/JER/JER_011_Verse_017.mp3,"Wotrɔ yi wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo gbɔ, ame siwo gbe nye gbe sese. Wokplɔ mawu bubuwo ɖo be yewoasubɔ wo. Israel ƒe aƒe la kple Yuda ƒe aƒe la siaa tu nubabla si mewɔ kple wo fofowo." data/train/JER/JER_006_Verse_003.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mitsi tsitre ɖe mɔdogoeƒewo ne miaɖo ŋku anyi akpɔ nu. Mibia blemamɔwo ta se, mibia afi si mɔ nyuitɔ le ne miazɔ edzi, eye miaƒe luʋɔwo akpɔ gbɔɖeme. Gake miegblɔ be, ‘Miazɔ le edzi o.’" data/train/JER/JER_029_Verse_004.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne ƒe blaadre de na Babilonia vɔ la, mava mia gbɔ eye mawɔ ɖe amenuveveŋugbe si medo, be magakplɔ mi va teƒe sia la dzi." data/train/JER/JER_005_Verse_013.mp3,"“Mizɔ to Yerusalem ƒe kpɔdomewo, mitsa ŋku le teƒeteƒewo ne miabu eŋuti eye miatsa to eƒe ablɔwo dzi. Ne miate ŋu akpɔ ame ɖeka teti si awɔ nu anukwaretɔe eye wòati nyateƒe ko yome la, matsɔe ake du sia." data/train/JER/JER_028_Verse_008.mp3,"Ke hã la, ɖo to nàse nya siwo ku ge mala ɖe to me na wò kple ame siwo le teƒe sia." data/train/JER/JER_015_Verse_001.mp3,"Ègbe nu le gbɔnye, ègale megbedede dzi eya ta malé wò, atsrɔ̃ wò. Nyemagate ŋu akpɔ nublanui na wò o." data/train/JER/JER_052_Verse_015.mp3,"Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ gagbawo, dzoɖesonuwo, trewo, zewo, akaɖitiwo, nuɖugbawo kple gagba siwo ŋu dɔ wowɔna le nunovɔsa me la hã dzoe, nu siwo wowɔ kple sika nyuitɔ alo klosalo." data/train/JER/JER_033_Verse_011.mp3,“ ‘Gake kpɔ ɖa mayɔ dɔ wo eye woahaya. Mayɔ dɔ nye dukɔ eye mana ŋutifafa kple dedinɔnɔ fũu. data/train/JER/JER_033_Verse_005.mp3,"Ekema du sia atsɔ ŋkɔ gã, dzidzɔ, kafukafu kple bubu vɛ nam le anyigbadzidukɔ siwo katã se nu nyui siwo mewɔ na wo la dome; ŋɔdzi alé wo eye woadzo nyanyanya le nunyoname gbogbo kple ŋutifafa si mena wo la ta.’" data/train/JER/JER_009_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nunyala megatsɔ eƒe nunya ƒo adegbee alo ŋusẽtɔ natsɔ eƒe ŋusẽ aƒo adegbee alo kesinɔtɔ natsɔ eƒe kesinɔnuwo aƒo adegbee o," data/train/JER/JER_004_Verse_024.mp3,"Tete megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, èflu ame siawo kple Yerusalem ŋutɔ esi nègblɔ be, ‘Miakpɔ ŋutifafa.’ Evɔ, woɖo yi míaƒe vewo dzi.”" data/train/JER/JER_021_Verse_007.mp3,"Metso ɖe ŋutiwò, Yerusalem, wò si le bali sia ƒe dzigbe le agakpeto tame, mi ame siwo gblɔ be, “Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe mía nu? Ame ka ate ŋu age ɖe míaƒe bebeƒe la me?” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_042_Verse_009.mp3,"Le nyateƒe me, ame siwo katã ɖoe kplikpaa be yewoaɖanɔ Egipte la aku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, wo dometɔ aɖeke matsi agbe alo asi le gbegblẽ si mahe va wo dzii la nu o.” ’" data/train/JER/JER_052_Verse_003.mp3,"Aʋafia la ɖe aboyo nunɔlagã Seraya, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo." data/train/JER/JER_031_Verse_009.mp3,"Amewo anɔ anyi ɖekae le Yuda kple eƒe duwo me, agbledelawo kple lãnyilawo siaa." data/train/JER/JER_038_Verse_017.mp3,"“Nye aƒetɔ fia, ŋutsu siawo wɔ ŋutasẽnu ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ŋu, le nu siwo katã wowɔ la me. Wotsɔe de vudo me afi si dɔ awui le wòaku nenye be abolo vɔ le dua me.”" data/train/JER/JER_031_Verse_012.mp3,"Emegbe la, ɖetugbiwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa aɖu ɣe akpɔ dzidzɔ. Matrɔ woƒe konyifafa wòazu dzidzɔkpɔkpɔ eye mana akɔfafa kple dzidzɔkpɔkpɔ wo ɖe nuxaxa teƒe." data/train/JER/JER_030_Verse_014.mp3,"Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom atu sesĩe le dziku helĩhelĩ me, eye yali abla ɖe ta ŋu na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ." data/train/JER/JER_004_Verse_020.mp3,“Nye amewo nye movitɔwo eye womenyam o. Wole abe ɖevi abunɛtɔwo ene elabena womenyam o. Wobi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me eye womenya nu nyui wɔwɔ o.” data/train/JER/JER_038_Verse_027.mp3,"Yeremia ɖo eŋu nɛ be, “Womatsɔ wò ade asi na wo o. Ɖo to Yehowa, nàwɔ nu si megblɔ na wò, ekema eme anyo na wò eye àɖe wò agbe." data/train/JER/JER_005_Verse_005.mp3,"Eya ta mayi ɖe woƒe kplɔlawo gbɔ, aƒo nu na wo; woawo ya nya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu la ƒe didiwo godoo.” Gake woawo hã tsɔ lɔlɔ̃nu ɖeka ŋe kɔkuti la ɖa eye wotu kɔsasawo." data/train/JER/JER_031_Verse_037.mp3,"Yehowa ɖe eɖokui fia mi tsã hegblɔ be, “Melɔ̃ wò kple lɔlɔ̃ mavɔ, metsɔ amenuveve he wò ɖe ɖokuinye ŋuti." data/train/JER/JER_037_Verse_003.mp3,"“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbem la be, ‘Farao ƒe aʋakɔ siwo ho be woava akpe ɖe ŋutiwò la agbugbɔ ayi ɖe Egipte, woƒe anyigba dzi." data/train/JER/JER_031_Verse_003.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ame siwo metsi yi nu o la akpɔ amenuveve le gbedadaƒo, mava ana dzudzɔ Israel.”" data/train/JER/JER_032_Verse_036.mp3,Woanye nye dukɔ eye nye hã manye woƒe Mawu. data/train/JER/JER_030_Verse_003.mp3,"“Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Wose vɔvɔ̃ ƒe avifafa, ŋɔdzi koe li, menye ŋutifafa o." data/train/JER/JER_050_Verse_027.mp3,"Mitsrɔ̃ nukuƒãla kple nuŋela kple eƒe nuŋehɛ siaa le Babilonia le nuŋeɣi. Le nugblẽla ƒe yi ta la, ame sia ame netrɔ yi eya ŋutɔ ƒe amewo gbɔ, eye ame sia ame nesi yi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi." data/train/JER/JER_032_Verse_023.mp3,"Mede asi anyigbaƒlegblalẽ la te hetre enu, hena ɖasefowo hã de asi ete eye meda klosaloga la le nudanu me." data/train/JER/JER_052_Verse_030.mp3,Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me. data/train/JER/JER_002_Verse_028.mp3,"Wogblɔna na ati be, ‘Wòe nye fofonye.’ Wogblɔna na kpe be, ‘Wòe dzim.’ Wotrɔ woƒe megbe dem ke menye woƒe ŋkume o, gake ne woɖo xaxa me la, wogblɔna be, ‘Va, nàɖe mí!’" data/train/JER/JER_028_Verse_016.mp3,"“Yi nàgblɔ na Hananiya be ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Èŋe atikɔkuti, gake le eteƒe la, woatsɔ gakɔkuti ana wo." data/train/JER/JER_037_Verse_001.mp3,"Ale wotsɔ Yeremia de gaxɔ dometɔ si sesẽ hedo viviti la me, afi si wònɔ ɣeyiɣi didi aɖe." data/train/JER/JER_051_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Babilonia vinyɔnu le abe lugbɔƒe si le lalam la ene; eye esusɔ vie nuŋeɣi naɖo nɛ.”" data/train/JER/JER_038_Verse_023.mp3,"Tete Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mègana ame aɖeke nanya nu le dzeɖoɖo si yi edzi le mía dome la ŋuti o, ne menye nenema o la, àku." data/train/JER/JER_051_Verse_037.mp3,"Mana woƒe dɔnunɔlawo kple woƒe nunyalawo namu aha, nenema kee nye woƒe dziɖulawo, dudɔnunɔlawo kple kalẽtɔwo siaa; woadɔ alɔ̃ tegbee eye womaganyɔ gbeɖe o.” Fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/JER/JER_037_Verse_012.mp3,"Ke hã la, Fia Zedekia dɔ Yehukal, Selemia ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya vi ɖo ɖe Nyagblɔɖila Yeremia gbɔ be woagblɔ nɛ be: “Míeɖe kuku, do gbe ɖa na Yehowa míaƒe Mawu la ɖe mía ta.”" data/train/JER/JER_014_Verse_014.mp3,"O Israel ƒe Mɔkpɔkpɔ, eƒe Ɖela le xaxawo me; nu ka ta nèle abe amedzro ene le anyigba dzi, eye abe mɔzɔla si va anyi tsi ge ŋkeke ɖeka ko ene?" data/train/JER/JER_049_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nenye be ame siwo medze be woano kplu la o la noe la, ekema nu ka wɔ woaɖe asi le miawo ya ŋu tomahemahee? Eya ta miayi tomahemahee o, ke boŋ miano kplu la godoo.”" data/train/JER/JER_003_Verse_012.mp3,"Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi. Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu, míawo kple mía fofowo siaa, tso míaƒe ɖekakpuime va se ɖe egbe sia, míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o.”" data/train/JER/JER_022_Verse_027.mp3,"“Yi ɖe Lebanon, nàfa avi sesĩe ne woase wò gbe le Basan ke, nɔ Abarim nàfa avi kple ɣli elabena wotsrɔ̃ wò lɔlɔ̃tɔwo katã." data/train/JER/JER_046_Verse_027.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be, “Mahe gbegblẽ va Tebestɔwo ƒe mawu Amon, Farao, Egipte, eƒe fiawo kple eƒe mawuwo kple ame siwo katã ziɔ ɖe Farao ŋuti la dzi." data/train/JER/JER_034_Verse_017.mp3,"Nyitsɔ laa mietrɔ dzi me hewɔ nu si nyo la le nye ŋkume. Mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe gbeƒã ablɔɖe na ehavi. Kura gɔ̃ hã la, miebla nu le ŋkunye me le Aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me." data/train/JER/JER_044_Verse_012.mp3,"Gake tso esime míedzudzɔ dzudzɔdodo na Dziƒofianyɔnu la kple ahaƒoƒo ɖe anyi nɛ la, naneke megadzea edzi na mí o, eye míele tsɔtsrɔ̃m ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me boŋ.”" data/train/JER/JER_029_Verse_014.mp3,"Eɖo agbalẽ sia ɖe mi le Babilonia be mianɔ afi ma wòadidi, eya ta mitso aƒewo mianɔ wo me, miade agble, eye miaɖu emenuwo.’ ”" data/train/JER/JER_052_Verse_013.mp3,"Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si Yehoyakim wɔe ene." data/train/JER/JER_035_Verse_006.mp3,"Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Yonadab, Rekab ƒe vi magbe ame si asubɔe la kpɔkpɔ gbeɖe o.’ ”" data/train/JER/JER_001_Verse_011.mp3,"Mègavɔ̃ na wo o, elabena meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_007_Verse_015.mp3,"Ke boŋ mede se sia na wo. Miwɔ ɖe nye gbe dzi ekema manye miaƒe Mawu eye mianye nye dukɔ. Mizɔ le mɔ siwo ƒe se mede na mi la dzi, be wòanyo na mi." data/train/JER/JER_012_Verse_007.mp3,"Ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo nyuie abe ale si woawo hã fia nye dukɔe be woayɔ Baal ata nui, eye wota nye ŋkɔ hegblɔ be, ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ ene la, ekema maɖo wo te le nye dukɔ la dome." data/train/JER/JER_041_Verse_012.mp3,"Le ɣleti adrelia me la, Ismael, Netania ƒe vi, Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒome me, eye wònye fia ƒe dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka la va Gedalia, Ahikam ƒe vi gbɔ le Mizpa kple ŋutsu ewo. Esi wole nu ɖum le kplɔ̃ ŋuti ɖekae la," data/train/JER/JER_026_Verse_002.mp3,"Dumegãwo dometɔ aɖewo do ɖe ŋgɔgbe hegblɔ na ameha la be," data/train/JER/JER_036_Verse_024.mp3,"Togbɔ be Elnatan, Delaya kple Gemaria ƒoe ɖe fia la nu be megade lãgbalẽ la dzo me o hã la, edo toku wo." data/train/JER/JER_027_Verse_015.mp3,"Nye ŋusẽ triakɔ kple nye abɔ si le dzi lae metsɔ wɔ anyigba, edzinɔlawo kple lã vovovo siwo le edzi eye metsɔnɛ naa ame sia ame si melɔ̃." data/train/JER/JER_007_Verse_019.mp3,Mèle nu si wɔm wole le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi la kpɔm oa? data/train/JER/JER_032_Verse_002.mp3,"“Ale Yehowa gblɔe nye esi: Abe ale si mehe dzɔgbevɔ̃e gã sia va ame siawo dzii ene la, nenema kee matsɔ dzidzedzekpɔkpɔ si ŋugbe medo na wo la hã ana wo." data/train/JER/JER_048_Verse_001.mp3,"“Aleke miate ŋu agblɔ be, ‘Míenye kalẽtɔwo, kple ŋutsu siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me?’" data/train/JER/JER_035_Verse_013.mp3,"Míewɔ ɖe nu sia nu si ƒe se mía tɔgbuigã, Yehonadab, Rekab ƒe vi la de na mí la dzi. Míawo ŋutɔ loo alo mía srɔ̃nyɔnuwo, alo mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo meɖɔ wain kpɔ," data/train/JER/JER_034_Verse_002.mp3,"“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi ɖe Yuda fia Zedekia gbɔ nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Esusɔ vie matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, wòatɔ dzoe." data/train/JER/JER_019_Verse_000.mp3,"“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mahe gbegblẽ siwo megblɔ ɖi ɖe du sia kple du bubu siwo ƒo xlãe ŋuti la ava wo dzi elabena wonye kɔlialiatɔwo eye wogbe be yewomaɖo to nye nyawo o.’ ”" data/train/JER/JER_005_Verse_002.mp3,"“Ame vɔ̃ɖiwo le nye dukɔ me, ame siwo de xa abe ale si ŋutsu siwo trea mɔ na xeviwo wɔnɛ ene eye wole abe ŋutsu siwo trea mɔ na amewo ene." data/train/JER/JER_047_Verse_003.mp3,"elabena ŋkeke la ɖo be woatsrɔ̃ Filistitɔwo katã, eye woaɖe ame siwo tsi agbe la ɖa, ame siwo ate ŋu akpe ɖe Tiro kple Sidon ŋu. Esusɔ vie Yehowa natsrɔ̃ Filistitɔwo, ame siwo nye Kaftor ƒuta ƒe ame mamlɛawo." data/train/JER/JER_010_Verse_017.mp3,"Trɔ wò dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖe dukɔ siwo menya wò o kple ame siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi. Elabena wovuvu Yakob, wovuvui keŋkeŋ, eye wogblẽ eƒe nɔƒe." data/train/JER/JER_007_Verse_021.mp3,"“Mitso azɔ ne miayi ɖe Silo afi si mewɔ nɔƒe ɖo zi gbãtɔ na nye Ŋkɔ, ne miakpɔ ale si mewɔe le nye dukɔ, Israel ƒe nu tovo wɔwɔ ta." data/train/JER/JER_049_Verse_037.mp3,"Yehowa be, “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, Bozra azu aƒedo, ŋɔdzinu, ŋunyɔnu kple ɖiŋudonu eye eƒe duwo katã azu aƒedo tegbetegbee.”" data/train/JER/JER_026_Verse_022.mp3,"“Ɖe Hezekia, Yuda fia, alo ame aɖe le Yuda wuia? Ɖe Hezekia mevɔ̃ Yehowa hetrɔ ɖe eŋu eye wòdi amenuveve le egbɔ oa? Eye ɖe Yehowa metrɔ eƒe susu ale be megaxa he gbegblẽ si wòɖe gbeƒãe la va wo dzii oa? Míawo ya la míele gbegblẽ dziŋɔ aɖe he ge va mía ɖokuiwo dzii!”" data/train/JER/JER_023_Verse_034.mp3,"Yehowa be, “Nyagblɔɖila si ku drɔ̃e la, nelĩ drɔ̃e la faa, gake ame si si nye nya le la, neɖe gbeƒãe anukwaretɔe. Elabena kadodo kae le bli kple atsa dome?” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_049_Verse_020.mp3,Maɖo nye zikpui anyi ɖe Elam eye matsrɔ̃ eƒe fia kple dumegãwo.” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_052_Verse_017.mp3,Gake Nebuzaradan gblẽ anyigba la ƒe ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi. data/train/JER/JER_026_Verse_017.mp3,"Nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã le afi ma se Yeremia wònɔ nya siawo gblɔm le Yehowa ƒe gbedoxɔ me." data/train/JER/JER_035_Verse_009.mp3,"Gake woɖo eŋu nam be, “Míenoa wain o, elabena mía tɔgbuigã, Yonadab, Rekab ƒe vi de se sia na mí be, ‘Miawo ŋutɔwo loo, alo miaƒe dzidzimeviwo mekpɔ mɔ ano wain gbeɖe o." data/train/JER/JER_034_Verse_019.mp3,"Yehowa be yele gbe ɖe ge, eye yeakplɔ wo agbɔe va du sia me. Woawɔ aʋa kplii, axɔe eye woatɔ dzoe wòabi. Mana be Yuda duwo nazu aƒedo, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ wo me o.”" data/train/JER/JER_032_Verse_030.mp3,"Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be," data/train/JER/JER_039_Verse_010.mp3,"Ke esi Yuda fia, Zedekia kple eŋusrafowo kpɔ wo la, wosi dzo, wodo le dua me le zãtitina, to fia la ƒe agble me, heto agbo si le gli eveawo dome eye woɖo ta Araba." data/train/JER/JER_040_Verse_005.mp3,"Gake hafi Yeremia natrɔ be yeadzo la, Nebuzaradan gblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, “Trɔ yi ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi ame si Babilonia fia tsɔ ɖo Yuda duwo nu la gbɔ eye nànɔ egbɔ le ameawo dome alo nàyi afi sia afi si nèlɔ.” Emegbe aʋafia la tsɔ nu hiahiã aɖewo kple nunana aɖe nɛ eye wòɖe asi le eŋu." data/train/JER/JER_039_Verse_002.mp3,Babiloniatɔwo tɔ dzo fiasã la kple amewo ƒe aƒewo eye womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi. data/train/JER/JER_004_Verse_005.mp3,"Eya ta mita akpanya, mifa konyi eye mifa avi sesĩe, elabena Yehowa ƒe dziku sesẽ la medzo le mía dzi o.”" data/train/JER/JER_031_Verse_004.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Midzi ha kple dzidzɔ na Yakob, mido ɣli ɖe dukɔwo ƒe gbãtɔ la ŋu. Miɖe gbeƒã, midzi kafukafuha, ne miagblɔ be, ‘O Yehowa, ɖe wò amewo, ɖe ame siwo susɔ ɖe Israel.’" data/train/JER/JER_046_Verse_004.mp3,"Asrafo siwo wotsɔ aʋae la le abe nyivi damiwo ene. Woawo hã atrɔ megbe asi adzo, womate ŋu anɔ te o, elabena woƒe gbegblẽ gbɔna eye woƒe tohegbe va ɖo." data/train/JER/JER_048_Verse_027.mp3,"Se ɣli si le ɖiɖim tso Horonaim ɖa, enye tsɔtsrɔ̃ gã kple gbegblẽ ƒe ɣli." data/train/JER/JER_039_Verse_006.mp3,"Ke azɔ la Babilonia fia, Nebukadnezar, de se sia le Yeremia ŋuti to aʋafia Nebuzaradan dzi be," data/train/JER/JER_018_Verse_000.mp3,Ale meyi ɖe zemela ƒe aƒe me eye mekpɔe wònɔ dɔ wɔm le zemenu dzi. data/train/JER/JER_022_Verse_015.mp3,"Matsɔ wò kple dawò si dzi wò la aƒu gbe ɖe dukɔ bubu me, afi si womedzi mia dometɔ aɖeke ɖo o; afi ma mi ame evea miaku ɖo." data/train/JER/JER_050_Verse_042.mp3,"Yehowa ʋu eƒe aʋawɔnuwo ƒe ʋɔ eye wòɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe aʋawɔnu do goe, elabena dɔ le Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ŋu wòawɔ le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi." data/train/JER/JER_017_Verse_016.mp3,"Migatsɔ agba aɖeke do goe tso miaƒe aƒewo me loo alo awɔ dɔ aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, ke boŋ miwɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe abe ale si mede see na mia fofowo la ene." data/train/JER/JER_014_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔ tso dukɔ sia ŋutie nye esi: “Wolɔ̃a tsaglalãtsatsa vivivo; woƒe afɔwo menɔa teƒe ɖeka o, eya ta Yehowa mexɔ wo o. Azɔ la, àɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi, eye woahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.”" data/train/JER/JER_030_Verse_022.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be, “Le ŋkeke ma dzi la, maŋe kɔkuti la le woƒe kɔwo eye maɖe ga wo, amedzrowo magado kluvi wo azɔ o." data/train/JER/JER_023_Verse_006.mp3,"Eya ta ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na alẽkplɔla siwo le nye dukɔ la kplɔm lae nye esi: “Esi mielé be na nye alẽhawo o, ke boŋ miekaka wo eye mienya wo de gbe ta la, mahe to na mi ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_041_Verse_015.mp3,"Wodze mɔ le yiyim eye wova tɔ ɖe Gerut Kimham si te ɖe Betlehem ŋu, esi wole mɔ dzi yina ɖe Egipte" data/train/JER/JER_021_Verse_010.mp3,"O David ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ŋdi sia ŋdi, mixɔ na ame si woda adzoe la le ŋutasẽla si, ne menye nenema o la, nye dziku agbã go, abi abe dzo ene, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta." data/train/JER/JER_005_Verse_000.mp3,"Abe ale si xeviwo yɔa xadzanu fũu ene la, nenema woƒe aƒewo yɔ taŋ kple beble. Ale wova zu kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo," data/train/JER/JER_037_Verse_020.mp3,"Yeremia ɖo eŋu be, “Alakpae, nyemele sisim be mayi ɖe Babiloniatɔwo dzi o.” Ke Iriya gbe meɖo toe o, ke boŋ elé Yeremia eye wòkplɔe yi ɖe dumegãwo gbɔe." data/train/JER/JER_034_Verse_016.mp3,"Nya lae nye be ame sia ame nena ablɔɖe eƒe Hebri kluvi siwo nɔ esi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ame aɖeke megawɔ ehavi Hebritɔ aɖeke kluvie o." data/train/JER/JER_051_Verse_042.mp3,"“Minyre aŋutrɔwo, mitsɔ akpoxɔnuwo! Yehowa de adã ta me na Media fiawo elabena eƒe taɖodzinue nye be wòatsrɔ̃ Babilonia. Yehowa abia hlɔ̃, abia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ." data/train/JER/JER_048_Verse_028.mp3,"“Sitsoƒedilawo tɔ ɖe Hesbon ƒe vɔvɔli te xɔnamemanɔsitɔe, elabena dzo tso Hesbon eye dzo ƒe aɖe do tso Sixɔn titina, efia Moabtɔwo ƒe ŋgonu, dada ƒuƒlu dalawo ƒe tagowo." data/train/JER/JER_006_Verse_010.mp3,Eya ta mitso ne míadze aʋa le zã me ne miagbã eƒe mɔ sesẽwo!” data/train/JER/JER_018_Verse_022.mp3,Ɖe woatsɔ vɔ̃ aɖo nyui teƒea? Ke woɖe ʋe ɖi nam. Ɖo ŋku edzi be metsi tsitre ɖe ŋkuwòme ɖe kuku ɖe wo ta be nàtsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo ne màgatrɔ wò dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi o. data/train/JER/JER_050_Verse_036.mp3,"Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ. Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o. Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la, woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene. Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be woava akpe aʋa kpli wò, Oo, Babilonia vinyɔnu." data/train/JER/JER_036_Verse_006.mp3,"Esi Mikaya gblɔ nu siwo katã Baruk xlẽ na ameawo tso lãgbalẽ la me la," data/train/JER/JER_001_Verse_002.mp3,"Emegbe Yehowa do eƒe asi ɖa tsɔ tɔ nu nam eye wògblɔ nam be, “Azɔ metsɔ nye nyawo de wò nu me." data/train/JER/JER_042_Verse_002.mp3,"Egblɔ na wo be, “Ale Yehowa Israel ƒe Mawu la, ame si gbɔ miedom ɖo be matsɔ miaƒe kokoƒoƒo nɛ la gblɔe nye esi:" data/train/JER/JER_009_Verse_022.mp3,"Yehowa be, “Elabena wogblẽ nye se si metsɔ ɖo woƒe ŋkume la ɖi. Womeɖo tom alo wɔ nye se dzi o." data/train/JER/JER_033_Verse_006.mp3,"ekema magbe Yakob ƒe dzidzimeviwo kple nye dɔla, David eye nyematia via ŋutsuwo dometɔ aɖeke be wòaɖu fia ɖe Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi o, elabena matrɔ woƒe dzɔgbenyui na wo, eye makpɔ nublanui na wo.”" data/train/JER/JER_039_Verse_005.mp3,Gake maɖe wò gbe ma gbe eye womatsɔ wò ade asi na ame siwo vɔ̃m nèle la o. Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_051_Verse_007.mp3,"Anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya elabena Yehowa ƒe ɖoɖowo ɖe Babilonia ŋu le te be, wòado gbegbe Babilonianyigba ale be ame aɖeke maganɔ edzi akpɔ o." data/train/JER/JER_005_Verse_008.mp3,"Ke dukɔ sia la, dzi sesẽ, dzeaglãe li na wo. Wodze ɖe aga, eye wotra mɔ.’" data/train/JER/JER_050_Verse_029.mp3,"“Miyɔ aŋutrɔdalawo vɛ, ne woaɖe to ɖe Babilonia, ame siwo katã hea da me la neva. Miva ɖe to ɖee godoo va kpe, migana ame aɖeke nasi o. Mixe nu siwo katã wòwɔ la ƒe fe nɛ, miwɔe nɛ abe ale si eya hã wɔe na ame bubuwo ene. Elabena edze aglã ɖe Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu." data/train/JER/JER_038_Verse_002.mp3,"“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame si anɔ du sia me la, atsi yi nu, dɔwuame alo dɔvɔ̃ ƒe asi me, gake ame si tsɔ eɖokui de asi na Babiloniatɔwo la, atsi agbe. Eƒe agbe azu afunyinu nɛ, ale wòanɔ agbe.’" data/train/JER/JER_030_Verse_021.mp3,"Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna, esi makplɔ nye dukɔwo Israel kple Yuda agbɔe tso aboyo me, eye magbugbɔ anyigba si metsɔ na wo fofowo be wòanye wo tɔ la na wo.’ ” Yehowa gblɔe." data/train/JER/JER_001_Verse_005.mp3,"“Hafi mava me wò ɖe dawò ƒe dɔ me la, menya wò; hafi woava dzi wò la, mekɔ ŋutiwò da ɖi eye meɖo wò Nyagblɔɖilae na dukɔwo.”" data/train/JER/JER_048_Verse_022.mp3,“Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke abe wain si ɖo ƒã ɖi kpoo eye wometrɔe tso go ɖeka me kɔ ɖe go bubu me o ene; esia nye be meyi aboyo me kpɔ o. Eya ta eƒe vivi gale eŋu eye eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ metrɔ o. data/train/JER/JER_010_Verse_001.mp3,"Alẽkplɔlawo nye movitɔwo eye womebiaa Yehowa ta sena o, eya ta nu medzea edzi na wo o. Ale woƒe alẽhawo hã kaka." data/train/JER/JER_023_Verse_026.mp3,"Nyemedɔ nyagblɔɖila siawo o, gake wole du dzi kple woawo ŋutɔwo ƒe gbedeasi. Nyemeƒo nu kpli wo o, evɔ wogblɔ nya ɖi." data/train/JER/JER_047_Verse_005.mp3,"Gaza ako ta kolikoli abe funyila ene, eye wòaɖo asi Askelon dzi be wòazi ɖoɖoe. O, mi ame siwo susɔ ɖe tagba, ɣe ka ɣie miasi mia ɖokuiwo ase ɖo?" data/train/JER/JER_001_Verse_017.mp3,"Yehowa ƒe nya va nam bena, “Nu ka kpɔm nèle, Yeremia?” Meɖo eŋu be, “Mele yevuziti ƒe alɔdze kpɔm.”" data/train/JER/JER_024_Verse_007.mp3,"Tete Yehowa biam be, “Nu ka kpɔm nèle, Yeremia?” Meɖo eŋu be, “Gbotsetsewoe. Nyuitɔwo le nyuie ŋutɔ, ke manyomanyoawo gblẽ ale gbegbe be womate ŋu aɖu wo o.”" data/train/JER/JER_041_Verse_007.mp3,"Ismael, Netania ƒe vi, tso le Mizpa kple avi hehehe yina wo kpe ge. Esi wòdo go wo la, egblɔ na wo be, “Miva Gedalia, Ahikam vi la gbɔ.”" data/train/JER/JER_046_Verse_024.mp3,"Tso Egipte ŋu: Esia nye gbedeasi na Egipte fia Farao Neko ƒe aʋakɔwo, ame siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar ɖu le Frat tɔsisi la nu le Karkemis le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me:" data/train/JER/JER_013_Verse_000.mp3,Ale meyi ɖaɣlae ɖe Frat abe ale si Yehowa gblɔ nam ene. data/train/JER/JER_026_Verse_021.mp3,"Woyi ɖakplɔ Uria tso Egipte vɛ na Fia Yehoyakim, ame si na wowui kple yi hetsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe ame gbɔlowo ɖiƒe.)" data/train/JER/JER_025_Verse_006.mp3,"Anyiehemefiawo katã, esiwo tso kpuiƒe kple didiƒe siaa. Wo katã noe ɖe wo nɔewo yome, ale fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la noe. Ne wo katã noe vɔ la, ekema Sesak fia hã anoe." data/train/JER/JER_039_Verse_013.mp3,"Le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia me la, Babilonia fia Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔwo katã ɖe Yerusalem ŋuti, eye wòva ɖe to ɖe du la." data/train/JER/JER_015_Verse_005.mp3,Magbɔ wò kple nugbɔnu le anyigba sia ƒe agbowo nu. Mana kunyawo nadzɔ ɖe wo dzi eye matsrɔ̃ dukɔ sia elabena wometrɔ le woƒe mɔwo dzi o. data/train/JER/JER_051_Verse_027.mp3,"Eƒe duwo azu aƒedo, kuɖiɖinyigba, dzogbenyigba kple anyigba si dzi ame maganɔ alo mɔzɔla aɖe nato ayi o." data/train/JER/JER_044_Verse_008.mp3,"Esi Yehowa magate ŋu atsɔ miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu siwo miewɔ o ta la, miaƒe anyigba zu ɖiŋudonu, aƒedo kple gbegbe eye amewo meganɔ dzi o, abe ale si wòle egbea ene." data/train/JER/JER_013_Verse_019.mp3,"“Tsɔ alidziblanu si nèƒle tsɔ bla ali dzi la, nàyi ɖe Frat azɔ eye nàɣlae ɖe kpetome le afi ma.”" data/train/JER/JER_026_Verse_011.mp3,"Ke azɔ la, miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la. Ekema Yehowa atrɔ eƒe susu eye mahe vɔ̃ si wògblɔ ɖi ɖe mia ŋuti la va mia dzii o." data/train/JER/JER_017_Verse_003.mp3,Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mikpɔ nyuie be miagatsɔ agba aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi alo atsɔe ato Yerusalem ƒe agbowo mee o. data/train/JER/JER_004_Verse_014.mp3,"Mewu mo dzi kpɔ towo, wole dzodzom kpekpekpe eye togbɛwo katã le ʋuʋum." data/train/JER/JER_048_Verse_002.mp3,"“Ame si si le ŋɔdzi nu la age adze ʋe globo la me, mɔka aɖe ame si te ŋu do le ʋe globoa me, elabena mahe toheɣi va Moab dzi.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_042_Verse_018.mp3,"Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la be wòafia afi si míayi kple nu si míawɔ la mí.”" data/train/JER/JER_009_Verse_018.mp3,"Woawoe nye Egipte, Yuda, Edom, Amon, Moab kple ame siwo katã le dzogbenyigba siwo le didiƒe la dzi, elabena le nyateƒe me la, dukɔ siawo katã metso aʋa o. Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã metso aʋa le dzi me o.”" data/train/JER/JER_051_Verse_026.mp3,Eƒe amewo katã le gbe ɖem abe dzatawo ene eye wole gbe tem abe dzataviwo ene. data/train/JER/JER_002_Verse_035.mp3,Ɖe dukɔ aɖe ɖɔli eƒe mawuwo kpɔa? Evɔ menye mawuwoe wonye hafi o; gake nye dukɔ tsɔ woƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli legba maɖinuwoe. data/train/JER/JER_036_Verse_021.mp3,"Neria ƒe vi, Baruk wɔ nu siwo katã Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ nɛ be wòawɔ. Le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la, exlẽ Yehowa ƒe nya na wo tso lãgbalẽ la me." data/train/JER/JER_038_Verse_021.mp3,"Tete Fia Zedekia dɔ amewo ɖa be woayɔ Nyagblɔɖila Yeremia vɛ eye wòna wokplɔe yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo etɔ̃lia nu. Fia la gblɔ nɛ be, “Mele nya aɖe bia ge wò; mègaɣla naneke ɖem o.”" data/train/JER/JER_048_Verse_043.mp3,"Yehowa be, “Míese Moab ƒe dada, ɖokuiŋudzedze, adegbeƒoƒo, ɖokuidzadzra kple amemabumabu kple eƒe dzi ƒe kɔkɔ ɖe dzi." data/train/JER/JER_046_Verse_014.mp3,"Mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu eye miade sɔwo dzi! Miɖɔ gakukuwo, mido mia tɔ ɖe mia nɔƒewo! Minyre miaƒe akplɔwo eye miado miaƒe gawuwo!" data/train/JER/JER_031_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi, ame si ɖoe na ɣe be wòaklẽ le ŋkeke me, ame si ɖe gbe na ɣleti kple ɣletiviwo be woaklẽ le zã me, ame si blu atsiaƒu be eƒe tsotsoewo nadze agbo, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ." data/train/JER/JER_037_Verse_007.mp3,"Farao ƒe aʋakɔwo ho tso Egipte eye esi Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe Yerusalem se esia la, woho dzo le Yerusalem." data/train/JER/JER_023_Verse_002.mp3,"Esia nye nya si mienɔ gbɔgblɔm ɖaa na nyagblɔɖila, ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya kae Yehowa gblɔ?’" data/train/JER/JER_017_Verse_008.mp3,"Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔ to, eye wòƒo ke ɖe tɔʋu la te ene. Ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe hã la, mevɔ̃na o eye eƒe aŋgbawo hã daa ama ɣe sia ɣi. Eƒe dzi metsona le kuɖiɣi o eye wòtsea ku ɖaa.”" data/train/JER/JER_018_Verse_001.mp3,"“Azɔ gblɔ na ame siwo le Yuda kple Yerusalem be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, meɖo gbegblẽ ɖe mia ŋu eye mele nugbe ɖom ɖe mia ŋu. Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi eye miaɖɔ miaƒe mɔwo kple wɔnawo ɖo.’" data/train/JER/JER_006_Verse_019.mp3,Nu ka dzudzɔʋeʋĩdonu si tso Seba nye nam alo gbeʋeʋĩ si tso didiƒenyigba dzi la awɔ nam? Miaƒe numevɔsawo medze ŋunye o eye miaƒe akpedavɔsawo medo dzidzɔ nam o.” data/train/JER/JER_047_Verse_001.mp3,"Aleke wòadzudzɔe esi wònye Yehowae ɖoe nɛ, esi wòɖe gbe nɛ be wòadze Askelon kple ƒutaduwo dzi?”" data/train/JER/JER_032_Verse_041.mp3,"Wotu nuxeƒewo na Baal le Ben Hinom ƒe Balime, ne woatsɔ wo viŋutsuviwo kple wo vinyɔnuviwo asa vɔe na Molek, evɔ nyemeɖo nu sia na wo gbeɖegbeɖe alo wòayi nye ta me va ge, be woawɔ ŋunyɔnu sia eye woakplɔ Yuda ade nu vɔ̃ me o." data/train/JER/JER_050_Verse_032.mp3,"Miɖo to miase Babilonia ƒe aʋaléleawo kple aʋasilawo ƒe nya si gblɔm wole le Zion tso ale si Yehowa, míaƒe Mawu la bia hlɔ̃ woe, ebia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ." data/train/JER/JER_023_Verse_010.mp3,Ke mekpɔ ŋunyɔnu sia hã le nyagblɔɖila siwo le Yerusalem la dome. Wole ahasi wɔm eye wole alakpa hã dam. Wodoa ŋusẽ nu baɖa wɔlawo be ne ame aɖeke nagaɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o. Wo katã le nam abe Sodom ene. Yerusalem nɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.” data/train/JER/JER_025_Verse_019.mp3,"Hoowɔwɔ la aɖi le anyigba ƒe mlɔenuwo ke, elabena Yehowa atsɔ nya ɖe dukɔwo ŋu, ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ va amewo katã dzi eye wòatsɔ ame vɔ̃ɖiwo ade asi na yi.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_040_Verse_003.mp3,"Esi Yudatɔ siwo katã le Moab, Amon, Edom kple du bubuwo me se bena Babilonia fia gblẽ ame aɖewo ɖe Yuda eye wòtsɔ Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, Gedalia ɖo mɔmefiae ɖe wo nu la," data/train/JER/JER_051_Verse_041.mp3,"Mikɔ aflaga dzi ɖe Babilonia ƒe gliwo ŋu! Miyɔ dzɔla bubuwo vɛ va kpe esiwo li xoxo, miɖo gbetakpɔlawo wo nɔƒe, eye mina amewo nade xa ɖi na wo. Yehowa awɔ ɖe nu si wòɖo la dzi, awɔ nu siwo wògblɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ŋuti la dzi." data/train/JER/JER_016_Verse_002.mp3,"“Dɔ vɔ̃wo ava wu wo, womafa na wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba. Woatsrɔ̃ le yi kple dɔwuame ta, eye woƒe ŋutilã kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadã siwo le anyigba dzi.”" data/train/JER/JER_009_Verse_016.mp3,"Oo, ɖe dzeƒe le asinye le gbegbe na mɔzɔlawo, anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi adzo le wo gbɔ, elabena wo katã wonye ahasiwɔlawo, ameha siwo nye nu tovo wɔlawo sɔŋ." data/train/JER/JER_032_Verse_001.mp3,"‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Tsɔ agbalẽ siawo, anyigbaƒlegbalẽ si nu wotre kple esi le ʋuʋu la siaa de ze me ne woanɔ anyi eteƒe nadidi." data/train/JER/JER_034_Verse_018.mp3,"Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be," data/train/JER/JER_007_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye mana mianɔ teƒe sia." data/train/JER/JER_050_Verse_017.mp3,Eya ta eƒe ɖekakpuiwo aku akaka ɖe mɔtatawo dzi eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo nu gbe ma gbe.” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_006_Verse_008.mp3,"Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, matsɔ nukikliwo ada ɖe dukɔ sia ŋgɔ. Fofowo kple viŋutsuwo siaa akli wo adze anyi eye aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo hã atsrɔ̃.”" data/train/JER/JER_006_Verse_012.mp3,Magblẽ Zion vinyɔnu si dze tugbe nyuie hele wusewuse la dome. data/train/JER/JER_020_Verse_013.mp3,"Nenɔ na ŋutsu ma abe du siwo Yehowa gbã nublanuimakpɔmakpɔtɔe la ene. Nese aviɣli le ŋdi me kple aʋaɣli le ŋdɔ me," data/train/JER/JER_016_Verse_006.mp3,"Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mègayi kuteƒe nàɖu nu o, mègayi afa kple kutɔwo alo aɖe wò konyifafa afia o, elabena meɖe nye yayra, nye lɔlɔ̃ kple nye nublanuikpɔkpɔ ɖa le dukɔ sia dzi.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_010_Verse_008.mp3,"Ke ame si nye Yakob ƒe gome la, mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nu sia nu wɔla kple Israel ƒe ƒome si nye eƒe domenyinu la hã. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ." data/train/JER/JER_015_Verse_006.mp3,Mana nànye kluvi na wò futɔwo le anyigba si mènya o la dzi elabena nye dziku azu dzo abi ɖe ŋutiwò.” data/train/JER/JER_039_Verse_001.mp3,"Aʋafia Nebuzaradan kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na wo kple ame mamlɛawo katã yi aboyo mee le Babilonia." data/train/JER/JER_032_Verse_021.mp3,Mana dzi ɖeka wo eye woƒe afɔɖeɖewo hã anɔ ɖeka ale be woavɔ̃m ɣe sia ɣi hena woawo ŋutɔwo kple wo vi siwo ava xɔ ɖe wo teƒe la ƒe nyui. data/train/JER/JER_029_Verse_028.mp3,"‘Yehowa ɖo wò nunɔlae ɖe Yehoiada teƒe be nànye Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzi kpɔla, eye ne aɖaʋatɔ aɖe va le nu wɔm abe nyagblɔɖila ene la, lée de kunyowu me, eye nàde ga kɔ nɛ." data/train/JER/JER_017_Verse_006.mp3,"Anɔ abe gbe le dzogbenyigba dzi ene eye ne dzɔgbenyui va la, makpɔe o. Anɔ gbegbe ƒe kuɖiɖinyigbawo dzi kple dzeƒutagba afi si ame aɖeke menɔna o.”" data/train/JER/JER_025_Verse_017.mp3,Gbe dama nyuiwo azu kuɖiɖinyigba le Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la ta. data/train/JER/JER_051_Verse_048.mp3,"Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye, ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃." data/train/JER/JER_015_Verse_017.mp3,"Yehowa be, “Maɖo nugblẽla ƒomevi ene ɖe wo: yi be wòawu ame, avu be wòahe wo adzoe, dziƒoxeviwo kple anyigbadzilã wɔadãwo be, woavuvu wo eye woatsrɔ̃ wo." data/train/JER/JER_036_Verse_004.mp3,Enye ɣleti asiekɛlia eye fia la nɔ anyi ɖe eƒe vuvɔŋɔlixɔ me eye wodo dzo ɖe ze me da ɖe eƒe akɔme. data/train/JER/JER_019_Verse_002.mp3,"Aƒe siwo le Yerusalem kple Yuda fiawo ƒe aƒewo la, woagblẽ kɔ ɖo na wo abe Tofet ƒe nɔƒe ene ɖe aƒe siwo katã ƒe tame wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le na dziƒoŋunuwo le eye woƒo aha ɖi na mawu bubuwo la ta.’ ”" data/train/JER/JER_048_Verse_036.mp3,“Wogbãe gudugudu loo! Wole ɣli dom ale gbegbe! Aleke Moab trɔ megbe kple ŋukpee nye esi! Moab zu alɔmeɖenu kple bibi na ame siwo katã ƒo xlãe.” data/train/JER/JER_044_Verse_015.mp3,"Makplɔ Yuda ƒe ame mamlɛ siwo ɖoe be yewoayi aɖanɔ Egipte godoo la adzoe. Wo katã woatsrɔ̃ ɖe Egipte; woatsi yi nu loo, alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi la, woatsi yi nu alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Woazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, fiƒodenu kple fewuɖunu." data/train/JER/JER_023_Verse_040.mp3,"Ɣe ka ɣie nu sia ayi edzi le aʋatsonyagbɔɖila siawo ƒe dzi me ase ɖo, ame siwo gblɔ beblenya siwo woƒe susuwo gblɔ na wo?" data/train/JER/JER_034_Verse_001.mp3,"“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mebla nu kple mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso kluvinyenye me. Megblɔ be," data/train/JER/JER_015_Verse_021.mp3,“Ɖe ame ate ŋu aŋe gayibɔ alo akɔbli si tso anyiehea? data/train/JER/JER_048_Verse_004.mp3,"Baba na wò, O Moab! Wotsrɔ̃ Kemostɔwo, wokplɔ mia viŋutsuwo yi aboyo mee eye woɖe aboyo mia vinyɔnuwo." data/train/JER/JER_046_Verse_010.mp3,"Gake gbe ma gbe nye Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la tɔ, hlɔ̃biaŋkeke wòanye, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo. Yi aɖu nu va se ɖe esime wòaɖi ƒo eye ano ʋu va se ɖe esi me wòaɖi kɔ elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, asa vɔ le anyiehenyigba dzi, le Frat tɔsisi la to." data/train/JER/JER_003_Verse_020.mp3,"Yehowa be, “Mi xɔsemanɔsitɔwo, mitrɔ gbɔ, elabena nyee nye mia srɔ̃. Matia mi, ame ɖeka tso du ɖe sia ɖe me, ame eve tso to ɖe sia ɖe me ahaƒo ƒu mi ɖe Zion." data/train/JER/JER_033_Verse_007.mp3,"ekema woate ŋu atu nye nu si mebla kple nye dɔla David kple esi mebla kple Leviviwo, ame siwo nye nunɔlawo eye wowɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me. David hã magakpɔ dzidzimevi si aɖu fia le eƒe fiazikpui dzi o." data/train/JER/JER_005_Verse_003.mp3,"Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Esi dukɔ la gblɔ nya siawo ta la, mawɔ nye nya la wòazu dzo bibi anɔ wò nu me eye dukɔ la anye nake si wòabi.”" data/train/JER/JER_020_Verse_017.mp3,"Ɣe sia ɣi ne mebe maƒo nu la, medoa ɣli heɖea gbeƒã ʋunyaʋunya kple tsɔtsrɔ̃, ale Yehowa ƒe nya hea dzu kple vlododo vɛ nam ɣe sia ɣi." data/train/JER/JER_050_Verse_018.mp3,"Eya ta se nu si Yehowa ɖo ɖe Babilonia ŋu kple nu si ƒe susu wòwɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋu: Woakplɔ lãha ƒe suetɔwo adzoe, agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta." data/train/JER/JER_019_Verse_014.mp3,"Yehowa be, aleae mawɔ teƒe sia kple emenɔlawo katãe. Mawɔ du sia abe Tofet ene." data/train/JER/JER_015_Verse_015.mp3,"Tete Yehowa gblɔ nam be, “Ne Mose kple Samuel tsi tsitre ɖe ŋkunye me gɔ̃ hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋuti o. Eya ta, nya wo ɖa le ŋkunye me. Na woadzo!" data/train/JER/JER_044_Verse_016.mp3,"Matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ahe toe na ame siwo le Egipte abe ale si mehe toe na Yerusalem nɔlawo ene." data/train/JER/JER_051_Verse_043.mp3,"“Misi tso Babilonia! Si ne nàɖe wò agbe! Womegatsrɔ̃ wò le eƒe nu vɔ̃wo ta o. Ɣeyiɣi de na Yehowa ƒe hlɔ̃biabia, axe fe si dzee la nɛ." data/train/JER/JER_002_Verse_011.mp3,"Israel nɔ kɔkɔe na Yehowa, eƒe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo, ame siwo katã ʋuʋui la, dze agɔ eya ta dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe wo dzi.’ ” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_005_Verse_021.mp3,"Womegblɔna na wo nɔewo be, ‘Mina míavɔ̃ Yehowa, míaƒe Mawu la, ame si naa adametsi kple kelemetsi dzana na mí le edzaɣi eye wòkana ɖe nuŋeɣi ƒe kɔsiɖawo dzi na mí’ la o." data/train/JER/JER_007_Verse_011.mp3,"Eya ta Yehowa be, ‘Mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna esi amewo magayɔe be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be, ku ƒe balime, elabena woaɖi ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o.’" data/train/JER/JER_023_Verse_013.mp3,"Ke ne ɖe wonɔ nye aɖaŋudede me la, anye ne wogblɔ nye nyawo na nye dukɔ eye woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo me.”" data/train/JER/JER_021_Verse_003.mp3,"“Gawu la, gblɔ na dukɔ la be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, metsɔ agbemɔ kple kumɔ le mia ŋkume ɖom." data/train/JER/JER_014_Verse_016.mp3,"O Yehowa, togbɔ be míaƒe nu vɔ̃wo le ɖase ɖim tso mía ŋuti hã la, wɔ nane le wò ŋkɔ la ta, elabena míaƒe megbedede sɔ gbɔ, eye míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò." data/train/JER/JER_032_Verse_040.mp3,Wotsɔ woƒe legba nyɔŋuawo ɖo aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me eye wodo gui. data/train/JER/JER_038_Verse_016.mp3,"Ne adzɔ be dumegãwo ase be meƒo nu kpli wò, eye woava gbɔwò agblɔ be: ‘Gblɔ nu si nègblɔ na fia la kple ale si fia la ɖo eŋui na wò la na mí, mègaɣla ɖeke ɖe mí o, ne menye nenema o la, àku’ la," data/train/JER/JER_029_Verse_005.mp3,"Ame siwo xɔ agbalẽa yi na woe nye, Eleasa, Safan ƒe vi kple Gemaria, Hilkia ƒe vi, ame si Yuda fia Zedekia dɔ ɖo ɖe Babilonia fia Nebukadnezar gbɔ. Agbalẽa me nyawo be:" data/train/JER/JER_010_Verse_006.mp3,"Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le ɣeyiɣi sia me la, matsɔ ame siwo le anyigba sia dzi la aƒu gbe. Mana xaxa nava wo dzi ale be woate ŋu alé wo.”" data/train/JER/JER_043_Verse_004.mp3,"Ava dze Egipte dzi eye wòahe ku vɛ na ame siwo woɖo ɖi na ku, aboyomeyiyi na ame siwo woɖo ɖi na aboyomenɔnɔ eye yi na ame siwo woɖo ɖi na yi." data/train/JER/JER_002_Verse_022.mp3,"“O dzidzime sia, mibu Yehowa ƒe nya ŋu. “Gbegbee menye na Israel loo alo viviti tsiɖitsiɖi ƒe anyigba? Nu ka ta nye dukɔ le gbɔgblɔm be, ‘Ablɔɖe le mía si be míatsa eya ta miagatrɔ ava gbɔwò o?’" data/train/JER/JER_049_Verse_013.mp3,"Kpɔ ɖa! Hɔ̃ aɖe ayi yame ʋĩi, eye wòade agba anyi ɖe Bozra dzi. Gbe ma gbe la, Edom ƒe kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene." data/train/JER/JER_032_Verse_043.mp3,"Yuda fia Zedekia mado le Babiloniatɔwo ƒe asi me o, ke boŋ woalée ade asi na Babilonia fia, aƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye wòakpɔe kple eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo." data/train/JER/JER_009_Verse_020.mp3,"Woƒe aɖe le abe aŋutrɔ si nu aɖi vɔ̃ɖi le la ene, elabena woƒoa nu bebletɔe, ame sia ame tsɔa eƒe nu ƒoa nu na ehavi bubutɔe, gake le eƒe dzi me la, etre mɔ ɖi nɛ." data/train/JER/JER_025_Verse_000.mp3,"Agblẽ eƒe ave ɖi abe dzata ene, eye woƒe anyigba azu gbegbe le ameteɖetola ƒe yi kple Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta." data/train/JER/JER_009_Verse_002.mp3,Ame kae nye nunyala si ase nu sia gɔme? Ame kae Yehowa fia nu eye wòate ŋu aɖe eme? Nu ka ta anyigba gblẽ eye wowɔe wòle abe gbegbe si ame aɖeke mate ŋu ato ayi o la ene? data/train/JER/JER_032_Verse_003.mp3,"Ava eme be, woagaƒle agblewo le anyigba si ŋuti miegblɔ le be, ‘Ezu gbegbe si menyo na naneke o, eye amegbetɔ alo gbemelãwo gɔ̃ hã megale edzi o, elabena wotsɔe de asi na Babiloniatɔwo’ la dzi." data/train/JER/JER_002_Verse_034.mp3,"“Yi nàkui ɖe to me na Yerusalem be, “Ale Yehowa gblɔe nye si: “ ‘Meɖo ŋku wò ɖetugbime ƒe nuteƒewɔwɔ dzi, kple ale si nèlɔ̃mee esi nènye nye ŋugbetɔ. Èkplɔm ɖo to gbedadaƒo kple kuɖiɖinyigba dzi." data/train/JER/JER_032_Verse_017.mp3,"“Kpɔ ale si woƒu kpo ɖe dua ŋutii be woaxɔe ɖa. Le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta la, woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖee. Nu si nègblɔ la va eme abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene." data/train/JER/JER_016_Verse_000.mp3,"Ame aɖeke maɖa nu aka na konyifalawo, atsɔ afa akɔe na wo o. Nenye wo fofo alo wo dada gɔ̃ hãe la, ame aɖeke mana aha wo teti atsɔ afa akɔe na wo o." data/train/JER/JER_048_Verse_041.mp3,"Yehowa be, “Eya ta nye dzi le nu xam le Moab ŋu abe dzekuku ene, eye nye dzi xa nu abe kpẽ ene na Kir Hareset ŋutsuwo, elabena kesinɔnu siwo woli kɔe la dzo." data/train/JER/JER_017_Verse_018.mp3,"“Nye Yehowae dzroa dziwo me, eye medoa susuwo kpɔ be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe zɔzɔme kple nu si eƒe nuwɔwɔwo dze na la nu.”" data/train/JER/JER_010_Verse_002.mp3,"Ame kae li si agbe wò bubu, O dukɔwo ƒe Fia? Elabena esiae nye tɔwò gome. Nunyala siwo le dukɔwo kple fiaɖuƒewo me la ƒe ɖeke mele abe wò ene o." data/train/JER/JER_044_Verse_029.mp3,"“Ɖe Yehowa meɖo ŋku edzi eye wòbu dzudzɔ ʋeʋĩ si miawo ŋutɔ, mia fofowo, miaƒe fiawo, miaƒe dumegãwo kple anyigbadzitɔwo dona le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ŋuti oa?" data/train/JER/JER_044_Verse_018.mp3,"Nu ka wɔ mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo do dziku nam, eye miedo dzudzɔʋeʋĩ na Egipte mawu tutɔwo, afi si mieva be mianɔ? Miele mia ɖokuiwo dome gblẽ ge, ahawɔe be miazu ɖiŋudonu kple ŋunyɔnu le anyigbadzidukɔwo katã dome." data/train/JER/JER_002_Verse_021.mp3,"“Nye dukɔ wɔ nu vɔ̃ eve. Wogbe nu le nye agbetsivudo la gbɔ eye woɖe woawo ŋutɔ ƒe tsiʋewo, tsiʋe siwo ŋɔ eye tsi mate ŋu atɔ ɖe wo me o." data/train/JER/JER_035_Verse_016.mp3,"Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be," data/train/JER/JER_022_Verse_012.mp3,"Ke ne mieɖo to sedede siawo o la, meta ɖokuinye be fiasã sia agbã, azu aƒedo.’ ” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_012_Verse_002.mp3,"Èdo wo, woto ke eye wotsi hetse ku. Wò ŋkɔ le nu na wo gake woƒe dziwo le adzɔge tso gbɔwò." data/train/JER/JER_027_Verse_004.mp3,"Elabena, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso sɔtiawo, akɔblizɔ kple nu siwo dzi woda wo ɖo kple nu bubu siwo susɔ ɖe du sia me la ŋuti." data/train/JER/JER_035_Verse_015.mp3,"Tete metsɔ goe siwo wain yɔ banaa la kple kpluwo ɖo Rekabi ƒomea ƒe ŋutsuwo kɔme hegblɔ na wo be, “Mino wain.”" data/train/JER/JER_038_Verse_001.mp3,"Ale wolé Yeremia tsɔ de Malkiya, fia la ƒe vi ƒe vudo si le fiasã ƒe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la me. Wode kae heɖiɖii ɖe vudo si me tsi mele o negbe ba koe le eme la me, eye Yeremia ɖo to ɖe ba la me." data/train/JER/JER_038_Verse_015.mp3,"Kusitɔ, Ebed Melek gblɔ na Yeremia be, “Tsɔ avɔ vuvuawo kple awu vuvuawo de wò axatome be kawo magabebe wò o.” Yeremia wɔe nenema." data/train/JER/JER_051_Verse_046.mp3,"Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo." data/train/JER/JER_040_Verse_015.mp3,Yehowa ƒe gbe va na Yeremia esi aʋafia Nebuzaradan ɖe asi le eŋu le Rama. Eva ke ɖe Yeremia ŋu wode gae kpe ɖe aboyome siwo wokplɔ tso Yerusalem kple Yuda yina ɖe aboyo mee le Babilonia la ŋu. data/train/JER/JER_022_Verse_020.mp3,Miagatrɔ agbɔ ava anyigba si miedi vevie la dzi kpɔ o.” data/train/JER/JER_029_Verse_023.mp3,"Miake ɖe ŋunye, eye makplɔ mi agbɔe tso aboyo me. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã me kple teƒe siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye magakplɔ mi ava teƒe sia, afi si mekplɔ mi tsoe yi ɖe aboyo mee.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_042_Verse_016.mp3,"Wogblɔ na Yeremia be, “Ɖekoe Yehowa nanye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla ɖe mía ŋu ne míewɔ ɖe nu sia nu si Yehowa, wò Mawu la dɔ wò be nàgblɔ na mí la dzi o." data/train/JER/JER_024_Verse_005.mp3,"Mawɔ wo woanye bibi kple ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, nu ɖikokoe kple fiƒodenu le afi sia afi si menya wo ɖo ɖo." data/train/JER/JER_017_Verse_015.mp3,Mèganye ŋɔdzinu nam o elabena wòe nye nye sitsoƒe le gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi. data/train/JER/JER_025_Verse_009.mp3,"“Azɔ gblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu, nàgblɔ na wo be, “Yehowa aɖe gbe tso dziƒo eye aɖe gbe tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Ate gbe sesĩe ɖe eƒe anyigba ŋuti. Ado ɣli abe ame siwo le waintsetse fiam la ene eye ado ɣli ɖe anyigbadzinɔlawo katã ŋuti." data/train/JER/JER_035_Verse_008.mp3,"Gake esi Babilonia fia, Nebukadnezar va dze anyigba sia dzi la, míegblɔ be, ‘Miva míayi ɖe Yerusalem, ne míasi le Babilonia kple Aramea ƒe aʋakɔwo nu.’ Ale míetsi Yerusalem.”" data/train/JER/JER_049_Verse_024.mp3,"“Misi dzo kaba! Mi ame siwo le Hazor, mibe ɖe agado goglowo me.” Yehowae gblɔe. “Babilonia fia Nebukadnezar ɖo nugbe ɖe ŋuwò, ewɔ ɖoɖo be wòagblẽ wò." data/train/JER/JER_021_Verse_004.mp3,"“Gawu la, gblɔ na Yuda ƒe fiaƒemetɔwo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya:" data/train/JER/JER_032_Verse_028.mp3,"“O, Aƒetɔ Yehowa, wòe tsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple wò abɔ si le dzi la wɔ dziƒo kple anyigbae. Naneke mesesẽ na wò akpa o." data/train/JER/JER_022_Verse_023.mp3,"Woaɖii abe ale si woɖia tedzi kuku ene elabena woahee lelele le anyigba, atsɔ aƒu gbe ɖe Yerusalem ƒe agbowo godo.”" data/train/JER/JER_036_Verse_019.mp3,"Mahe to na eya kple viawo kple eƒe dɔlawo katã le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta. Mahe gbegblẽ ɖe sia ɖe si megblɔ ɖi la va wo, ame siwo le Yerusalem kple Yudatɔwo dzii, elabena womeɖo to o.’ ”" data/train/JER/JER_029_Verse_001.mp3,"“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Eŋlɔ agbalẽ le wò ŋutɔ wò ŋkɔ me heɖo ɖe Yerusalemtɔwo katã, na nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi kple nunɔla bubuawo.’ Eŋlɔ na Zefania be," data/train/JER/JER_013_Verse_025.mp3,"Yehowa ƒe gbe va nam be," data/train/JER/JER_051_Verse_036.mp3,"“Mana woakplɔ wo vɛ abe alẽviwo, agbowo kple gbɔ̃wo ene ayi wuwu ge." data/train/JER/JER_048_Verse_015.mp3,"Menya eƒe tonumasemase gake toflokoe, elabena eƒe dada vivivo mahe naneke vɛ nɛ o." data/train/JER/JER_034_Verse_006.mp3,"Eya ta dumegãwo katã kple ame siwo ɖo nubabla sia me la lɔ̃ be woaɖe asi le kluviawo ŋu, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, be womaganɔ kluvinyenye me o. Esi wolɔ̃ ta la, wona ablɔɖe kluviawo." data/train/JER/JER_038_Verse_006.mp3,"ekema gblɔ na wo be, ‘Ɖeko mele kuku ɖem na fia la be megatrɔm ɖo ɖe Yonatan ƒe aƒe me, ne maku ɖe afi ma o.’ ”" data/train/JER/JER_051_Verse_053.mp3,"Wòe metsɔ kaka alẽkplɔla kple alẽha lae, wòe metsɔ kaka agbledela kple eƒe nyiwoe eye wòe metsɔ kaka mɔmefiawo kple woƒe dɔdzikpɔlawoe." data/train/JER/JER_041_Verse_013.mp3,"ne woasi le Babiloniatɔwo nu. Wole vɔvɔ̃m na wo elabena Netania ƒe vi, Ismael wu Ahikam ƒe vi, Gedalia, ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi." data/train/JER/JER_033_Verse_019.mp3,"“Mède dzesii be ame siawo le gbɔgblɔm be, ‘Yehowa gbe fiaɖuƒe eve siwo wòtia’ la oa? Ale woɖe alɔme le dukɔ la ŋu eye womegabua wo abe dukɔ ene o." data/train/JER/JER_006_Verse_004.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye si, “Kpɔ ɖa asrafoha gã aɖe tso anyiehenyigba dzi gbɔna. Wonye dukɔ xɔŋkɔ aɖe tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke." data/train/JER/JER_007_Verse_008.mp3,"Eya ta gblɔ na wo be, ‘Esiae nye dukɔ si meɖo to Yehowa, woƒe Mawu la alo ɖoa to ɖɔɖɔɖo o. Nyateƒe tsrɔ̃, eye wòbu le woƒe nuyiwo dzi." data/train/JER/JER_013_Verse_015.mp3,"Mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la hafi wòahe viviti vɛ, hafi miaƒe afɔwo nanɔ nu klim le togbɛ dovivitiwo dzi. Miele mɔ kpɔm na kekeli, ke ana wòazu viviti tsiɖitsiɖi eye wòatrɔe wòazu blanuiléle ƒe blukɔ." data/train/JER/JER_050_Verse_011.mp3,"Dukɔ si tso anyiehe la ava dze edzi eye wòagblẽ eƒe anyigba keŋkeŋ. Ame aɖeke manɔ edzi o, amewo kple lãwo siaa asi adzo.”" data/train/JER/JER_050_Verse_041.mp3,"Yehowa be, “Yi le Babiloniatɔwo yome! Etso ɖe ame siwo le Babilonia, woƒe dumegãwo kple woƒe nunyalawo ŋuti!" data/train/JER/JER_035_Verse_018.mp3,"“Yi ɖe Rekabi ƒomea gbɔ, eye nàkpe wo ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔŋuxɔewo dometɔ ɖeka me eye nàku wain na wo woano.”" data/train/JER/JER_017_Verse_000.mp3,"Abe ale si koklo ƒoa azi si menye etɔ o ene la, nenemae wòanɔ na ame si ƒo kesinɔnuwo nu ƒu to mɔ fitifitiwo dzi. Kesinɔnuawo avɔ le esi le eƒe agbe me, eye le nuwuwu la, aɖee afia be yenye bometsila." data/train/JER/JER_031_Verse_023.mp3,"“Mitu dzesidetiwo kple mɔfiatiwo ɖe mɔto. Wò ŋku nenɔ mɔ gã la ŋu, mɔ si dzi nèto to eŋu. O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel, trɔ gbɔ, trɔ gbɔ va wò duwo me." data/train/JER/JER_046_Verse_012.mp3,"Mègavɔ̃ o, O nye dɔla Yakob, elabena meli kpli wò. Togbɔ be metsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo ɖo keŋkeŋ hã la, nyematsrɔ̃ wò ya keŋkeŋkeŋ o. Mahe to na wò gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi; Ɖekoe nyemana nàyi tomahemahee kura o.”" data/train/JER/JER_044_Verse_001.mp3,"“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miekpɔ gbegblẽ gã si mehe va Yerusalem kple Yuda duwo katã dzi. Egbe la, wozu aƒedo siwo me ame aɖeke mele o," data/train/JER/JER_007_Verse_028.mp3,"Yehowa be, ‘Esi mienɔ nu siawo katã wɔm la, meƒo nu na mi zi geɖe gake miesee o, meyɔ mi gake mietɔ o." data/train/JER/JER_023_Verse_009.mp3,"Ke boŋ woagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israel ƒe dzidzimeviwo do go tso anyiehenyigba dzi kple dukɔ siwo katã me woɖe aboyo wo ɖo ɖo la ƒe agbe.’ Ekema woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”" data/train/JER/JER_030_Verse_020.mp3,Woƒe kplɔla anye woawo ŋutɔ dometɔ ɖeka eye woƒe fia ado tso woawo ŋutɔ dome. Matee vɛ kpokploe eye wòate ɖe ŋunye nyuie. Elabena ame kae atsɔ eɖokui ana blibo be wòate ɖe ŋutinye kpokploe? data/train/JER/JER_002_Verse_000.mp3,"“Abe ale si ŋu kpea fiafitɔ ne asi su edzi ene la, nenema ke ŋu akpe Israel ƒe aƒe la, woƒe fiawo, woƒe dumegãwo, woƒe nunɔlawo kple woƒe nyagblɔɖilawo." data/train/JER/JER_036_Verse_017.mp3,"Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia ƒe ɣleti asiekɛlia me la, woɖe gbeƒã nutsitsidɔ le Yehowa ŋkume na Yerusalemtɔwo kple ame siwo katã tso Yuda ƒe duwo me va." data/train/JER/JER_030_Verse_010.mp3,"“ ‘Gake ame siwo katã vuvu wò la woavuvu wo, eye wò futɔwo katã ayi aboyo me. Ame siwo ha wò la, woaha woawo hã. Ame siwo wɔ wò abe afunyinuwo ene la, mawɔ woawo hã abe afunyinuwo ene." data/train/JER/JER_028_Verse_003.mp3,"Egblɔ le ameawo ƒe ŋkume be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Aleae maŋe Babilonia fia Nebukadnezar ƒe kɔkuti le kɔe na dukɔwo katã le ƒe eve me.’ ” Le esia megbe la, Nyagblɔɖila Yeremia lé eƒe mɔ hedzo." data/train/JER/JER_020_Verse_005.mp3,"Esi ŋu ke eye Parsur ɖee le game la, Yeremia gblɔ nɛ be, “Yehowa ƒe ŋkɔ si wòtsɔ na wòe nye, ame si ŋɔdzi ƒo xlãe, ke menye Pasur o;" data/train/JER/JER_007_Verse_002.mp3,"Ekema ame kukuawo ƒe ŋutilã azu nuɖuɖu na dziƒoxewo kple lã wɔadãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi si anya wo o." data/train/JER/JER_024_Verse_000.mp3,"“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi, ‘Mebu aboyome siwo tso Yuda la abe gbotsetse nyui siawo ene, ame siwo meɖo ɖe Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi tso teƒe sia." data/train/JER/JER_013_Verse_005.mp3,"Ame vɔ̃ɖi siawo, esi wogbe nye gbe sese hedze woƒe dziwo ƒe aglãdzedze yome eye woti mawu bubuwo yome be yewoasubɔ wo, ade ta agu na wo la, anɔ abe alidziblanu sia si ŋu wɔna aɖeke megale o la ene.’" data/train/JER/JER_040_Verse_008.mp3,"Ke azɔ la, Yehowa na wòva eme tututu abe ale si wògblɔe la ene. Esia katã va eme elabena mi ame siawo miewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe o." data/train/JER/JER_029_Verse_016.mp3,"Gawu la, midi ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ na du si me meɖe aboyo mi ɖo ɖo la. Mido gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta elabena ne eme nyo na wo la, anyo na miawo hã.”" data/train/JER/JER_051_Verse_038.mp3,"Mègana woƒe aŋutrɔdala nagahe eƒe dati me alo atsɔ eƒe akpoxɔnu ado o. Mègakpɔ nublanui na eƒe ɖekakpuiwo o, ke boŋ tsrɔ̃ eƒe aʋakɔ la keŋkeŋkeŋ." data/train/JER/JER_043_Verse_007.mp3,"Hosaya ƒe vi, Azaria, Karea ƒe vi, Yohanan kple ŋutsu tosesẽtɔwo katã gblɔ na Yeremia be, “Aʋatso kam nèle! Yehowa, míaƒe Mawu la medɔ wò be nàgblɔ be, ‘Migayi Egipte, ne mianɔ afi ma o.’" data/train/JER/JER_004_Verse_023.mp3,"O Yerusalem, klɔ nu tovo ɖa le wò dzi ŋu be nàkpɔ xɔxɔ. Va se ɖe ɣe ka ɣie susu vɔ̃ɖi anɔ mewò?" data/train/JER/JER_002_Verse_030.mp3,"Yehowa be, “Eya ta megatsɔ nya ɖe mia ŋu, eye matsɔ nya ɖe mia viwo ƒe viwo ŋuti." data/train/JER/JER_026_Verse_015.mp3,"“Mika, Moresitɔ la gblɔ nya ɖi le Yuda fia Hezekia ƒe ŋkekewo me. Egblɔ na Yudatɔwo katã be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “ ‘Woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gbagbã eye gbedoxɔ ƒe togbɛ azu togbɛ si zu ave.’" data/train/JER/JER_011_Verse_010.mp3,"“Mègado gbe ɖa ɖe ame siawo ta o, mègaɖe kuku ɖe wo nu o, eye mègabia naneke na wo o, elabena ne woyɔm le xaxaɣi la, nyemaɖo to wo o." data/train/JER/JER_051_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Woagbã Babilonia ƒe glikpɔ sesẽ la gudugudu eye woatɔ dzo eƒe agbo kɔkɔ la, emenɔlawo ka hiã wo ɖokuiwo yakatsyɔ eye dukɔwo ƒe agbagbadzedze zu ami si kɔm wole ɖe dzoa me.”" data/train/JER/JER_035_Verse_004.mp3,"alo tu xɔwo be mianɔ wo me, alo de waingble, agblewo, alo xa nukuwo kpɔ o." data/train/JER/JER_049_Verse_012.mp3,"Ke Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mado aʋaɣli ɖe, Amonitɔwo ƒe du, Raba, ŋu. Woagbãe wòazu anyiglago eye kɔƒe siwo ƒo xlãe la, woatɔ dzo wo. Ekema Israel anya ame siwo nyae de gbe la de gbe,” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_043_Verse_005.mp3,"Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mele ame dɔ ge aɖo ɖe nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia eye matsɔ eƒe fiazikpui aɖo kpe siwo meɖi ɖe teƒe sia la dzi eye wòakeke eƒe dzoya ɖe wo dzi." data/train/JER/JER_002_Verse_002.mp3,Aleke nèhenya ahiãdidii! Nyɔnu siwo bi ɖe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me hã ate ŋu asrɔ̃ nu tso gbɔwò. data/train/JER/JER_010_Verse_022.mp3,"Wotsɔa klosalo si woƒo gbabɛ la tsoa Tarsis eye wotsɔa sika tsoa Ufaz. Wotsɔa awu blɔtɔ kple dzĩtɔ dona na nu si atikpala kple sikanutula wɔ, nu siwo nye aɖaŋudɔwɔlawo ƒe asinudɔwɔwɔwo." data/train/JER/JER_025_Verse_027.mp3,"mayɔ anyiehemetɔwo katã, kple nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia aƒo ƒu, woatso ɖe anyigba sia, edzinɔlawo kple dukɔ siwo katã ƒo xlãe la ŋuti. Matsrɔ̃ wo gbidigbidi, awɔ wo woanye ŋɔdzinu kple fewuɖunu, eye woazu aƒedo tegbetegbe." data/train/JER/JER_022_Verse_008.mp3,"Elabena ale Yehowa gblɔ le Yuda fia ƒe fiasã la ŋue nye esi: “Togbɔ be èle nam abe Gilead kple Lebanon towo ƒe tame ene hã la, mawɔ wò le nyateƒe me nàzu abe gbegbe kple du siwo zu aƒedo ene." data/train/JER/JER_049_Verse_038.mp3,"Ŋɔdzi si le ŋuwò kple dada si le wò dzi me la ble wò, wò si le agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Togbɔ be nèwɔ wò atɔ ɖe kɔkɔƒe ke abe hɔ̃ ene hã la, mahe wò tso afi ma ke aƒu anyi,” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_029_Verse_019.mp3,"Le wo ta la, ame siwo katã yi aboyo me le Babilonia tso Yuda la awɔ fiƒodenya siawo ŋu dɔ, ‘Yehowa awɔ wò abe Zedekia kple Ahab ene, ame siwo Babilonia fia tɔ dzoe.’" data/train/JER/JER_048_Verse_014.mp3,Maɖo asi ame siwo sa vɔ le nuxeƒewo eye wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na woƒe mawuwo la dzi le Moab.” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_030_Verse_012.mp3,"Ke boŋ woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la kple woƒe fia David, si maɖo na wo." data/train/JER/JER_026_Verse_023.mp3,"Ɖewohĩ woaɖo to eye wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi. Ekema maɖe asi, eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ ta la ava wo dzi o.’" data/train/JER/JER_018_Verse_013.mp3,"Ne ɣe aɖe ɣi meɖe gbeƒã be maho dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe kple ke, agbãe, ahatsrɔ̃e," data/train/JER/JER_022_Verse_017.mp3,"Mègafa avi na fia si ku la alo nàfa eƒe ku o, ke boŋ fa avi vevie na ame si woɖe aboyoe elabena magatrɔ agbɔ alo akpɔ eƒe denyigba akpɔ o." data/train/JER/JER_020_Verse_002.mp3,"elabena mewum ɖe vidzidɔ me be danye nanye yɔdo nam, eye eƒe vidzidɔ nalolo tegbee o." data/train/JER/JER_005_Verse_007.mp3,Israel kple Yuda ƒe aƒewo meto nyateƒe nam kura o.” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_051_Verse_023.mp3,"Emegbe nàgblɔ be, ‘O Yehowa, ègblɔ be yele teƒe sia tsrɔ̃ ge ale gbegbe be amegbetɔwo alo lãwo manɔ anyi o; azu aƒedo tegbetegbee.’" data/train/JER/JER_028_Verse_002.mp3,"Egblɔ be, “Amen! Yehowa nena wòava eme nenema! Yehowa nena wò nyagblɔɖi la nava eme be woagbugbɔ nu siwo katã wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple aboyome siwo wokplɔ yi Babilonia la natrɔ gbɔ." data/train/JER/JER_041_Verse_011.mp3,"Ke wo dometɔ ewo gblɔ na Ismael be, “Mègawu mí o! Bli, lu, ami kple anyitsi le mía si míeɣla ɖe gbe me.” Ale mewu woawo kpe ɖe ame mamlɛawo ŋu o." data/train/JER/JER_020_Verse_009.mp3,"Ke Yehowa li kplim abe aʋawɔla kalẽtɔ ene, eya ta yonyemetilawo akli nu eye womaɖu dzi o. Woƒe ɖoɖowo me agblẽ eye woaɖu ŋukpe vevie, bubu si woɖe le wo ŋu la, womaŋlɔe be akpɔ o." data/train/JER/JER_023_Verse_011.mp3,"Ke migakɔ nu le ‘Yehowa ƒe nya’ dzi azɔ o, elabena ame sia ame ŋutɔ ƒe nya zu eƒe nyagblɔɖi, ale mietrɔ gbo Mawu gbagbe, Yehowa ƒe Aƒetɔ la, miaƒe Mawu la ƒe nyawo." data/train/JER/JER_031_Verse_035.mp3,"Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi woagbugbɔ du sia atso nam, tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe Dzogoedzigbo la nu." data/train/JER/JER_046_Verse_020.mp3,"O, sɔwo, milũ ɖe wo dzi! O, tasiaɖamkulawo, miku wo kple ŋkubiã! O, kalẽtɔwo, mizɔ yi ŋgɔ tẽe, eye mi Kus kple Put ŋutsu siwo tsɔa akpoxɔnuwo kple Lidia ŋutsu siwo daa aŋutrɔ nyuie!" data/train/JER/JER_004_Verse_030.mp3,"Yehowa be, “Ɣe ma ɣi la dzi aɖe le fia la kple eƒe dumegãwo ƒo, ŋɔdzi alé Nunɔlawo eye Nyagblɔɖilawo ƒe nu atsi te.”" data/train/JER/JER_032_Verse_006.mp3,"Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe du sia la age ɖe eme atɔ dzoe. Woana wòabi azu afi, hekpe ɖe aƒe siwo tame wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal le eye woƒoa aha ɖi na mawu tutɔwo le, ne woatsɔ ado dziku nam la ŋuti." data/train/JER/JER_052_Verse_021.mp3,"Le Nebukadnezar ƒe ƒe wuienyilia me, Yerusalemtɔ alafa enyi kple blaetɔ̃-vɔ-eve (832);" data/train/JER/JER_012_Verse_004.mp3,“Magbe nu le nye aƒe gbɔ eye magble nye domenyinu ɖi. Matsɔ ame si melɔ̃ la ade asi na eƒe futɔwo. data/train/JER/JER_016_Verse_021.mp3,"Ɖe amewo wɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwoa? Ɛ̃, gake menye mawuwoe wonye o!”" data/train/JER/JER_002_Verse_010.mp3,"Èle abe gbetedzi si nyagbegbe nyuie hele ya ʋẽm kple eƒe ŋɔti le eƒe fieŋufieŋu me la ene. Ne asiyɔyɔ le edzrom la, ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ? Mehiã gɔ̃ hã be atsu siwo le eyome tim la nakplɔe ɖo ɖeɖi nate wo ŋuti o elabena ne eɖo asiyɔyɔ dzi la, woake ɖe eŋu bɔbɔe." data/train/JER/JER_003_Verse_011.mp3,"Metsɔ srɔ̃gbegbalẽ na nuteƒemawɔla Israel henyae ɖe eƒe ahasiwɔwɔwo katã ta, gake mekpɔ be nɔvia godzela Yuda mevɔ̃ o; eya hã yi ɖawɔ ahasi." data/train/JER/JER_014_Verse_005.mp3,"Eya ta ale Yehowa gblɔ le nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me la ŋu. Nyemedɔ wo o, gake wole gbɔgblɔm be, ‘Yi alo dɔwuame atsrɔ̃ wo" data/train/JER/JER_045_Verse_001.mp3,"Ègblɔ be, ‘Baba nam! Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu. Ŋeŋe manyagblɔ na nu ti kɔ nam belebele eye nyemekpɔ dziɖeɖi aɖeke o.’ ”" data/train/JER/JER_006_Verse_021.mp3,"Oo, nye dukɔ, mita akpanya, miamli le dzofi me. Fa konyi vevie kple ɣli abe ame si viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ ku na la ene, elabena nugblẽla la ava ƒo ɖe mía dzi zi ɖeka kpoyi!" data/train/JER/JER_052_Verse_027.mp3,"Sɔti ɖe sia ɖe kɔkɔ “mita” asiekɛ, eye wòkeke “mita” ade, ɖe sia ɖe ƒe titrime anye asibidɛ ene eye do le wo me." data/train/JER/JER_046_Verse_017.mp3,"Ne futɔwo ƒe aʋakɔ ho gbɔna la, Egipte axlɔ̃ abe da si le sisim ene, woatso ɖe eŋu kple fia abe ŋutsu siwo lãa ati ene." data/train/JER/JER_018_Verse_016.mp3,"Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena," data/train/JER/JER_050_Verse_022.mp3,"Kuɖiɖi neto eƒe tɔsisiwo me, ne woamie ƒiaƒiaƒia, elabena enye anyigba si yɔ fũu kple legbawo, legba siwo adze aɖaʋa le ŋɔdzi ta.”" data/train/JER/JER_004_Verse_013.mp3,"Metsa ŋku le anyigba dzi, ele nyamaa, le ƒuƒlu. Mewu mo dzi kpɔ dziƒo gake woƒe kekeli megali o." data/train/JER/JER_048_Verse_039.mp3,"Womagakafu Moab azɔ o, ŋutsu siwo le Hesbon la ɖo ta me vɔ̃ ɖe eŋu be, ‘Miva, mina míatsrɔ̃ dukɔ ma.’ O, Madmen, woatsrɔ̃ wò hã eye yi ati yowòme." data/train/JER/JER_022_Verse_011.mp3,Eʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ta eya ta nu sia nu dze edzi nɛ ɖo. Ɖe menye esiae nye sidzedzem oa?” Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_046_Verse_007.mp3,"Egipte le kɔkɔm ɖe dzi abe Nil kple tɔsisi siwo me tsi le sisim kplakplakpla ene, egblɔ be, ‘Maɖo axɔ ɖe anyigba blibo la dzi; matsrɔ̃ amewo kple woƒe duwo.’" data/train/JER/JER_032_Verse_031.mp3,"Togbɔ be woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔwo hã la, O, wò Aƒetɔ Yehowa, ègblɔ nam be, ‘Tsɔ klosaloga nàƒle agbledenyigbae eye nàna ɖasefowo nakpɔ eƒleƒe.’ ”" data/train/JER/JER_031_Verse_030.mp3,"Woava ado dzidzɔɣli le Zion ƒe togbɛwo dzi. Woatso aseye ɖe Yehowa ƒe nu gbogbo siwo nye, bli, aha yeye, ami, alẽvi kple nyiviwo ŋuti. Woawo anɔ abe amabɔ si wode tsii nyuie la ene eye womagaxa nu azɔ o." data/train/JER/JER_031_Verse_007.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ɖo asi wò gbe dzi be magafa avi o, kple wò ŋkuwo dzi be womagafa aɖatsi o, elabena fetu li na dɔ si nèwɔ, woatrɔ agbɔ tso futɔwo ƒe anyigba dzi.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_022_Verse_016.mp3,"Maɖo nugblẽlawo ɖe ŋuwò, ɖe sia ɖe alé lãnu ɖe asi eye woalã wò sedati vavãwo atsɔ aƒu gbe ɖe dzo me." data/train/JER/JER_031_Verse_028.mp3,Woada nudzidzeka tẽe tso afi ma ayi Gareb togbɛ la gbɔ eye woatso eme ado ɖe Goa. data/train/JER/JER_025_Verse_004.mp3,"Alẽkplɔlawo makpɔ teƒe aɖeke asi yi o, eye alẽhawo ƒe kplɔlawo manya afi si woabe ɖo o." data/train/JER/JER_007_Verse_017.mp3,"Mana aseyetsotso, dzidzɔhawo, ɣlidodo ɖe ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ŋu natɔ te le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi, elabena anyigba la azu gbegbe." data/train/JER/JER_048_Verse_024.mp3,Nugblẽla ava du sia du me eye du aɖeke masi o. Woagblẽ balimewo eye woakaka towo elabena Yehowae gblɔe. data/train/JER/JER_004_Verse_012.mp3,Metsa ŋku ke nyemekpɔ ame aɖeke o. Xevi ɖe sia ɖe si le yame gɔ̃ hã dzo dzo. data/train/JER/JER_051_Verse_019.mp3,"Ekema dziƒo kple emenuwo kple anyigba kple edzinuwo katã ado ɣli kple dzidzɔ ɖe Babilonia ŋu, elabena nugblẽlawo atso anyiehe ava ƒo ɖe edzi.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_040_Verse_004.mp3,"eye wogblɔ nɛ be, “Mènya be Amonitɔwo ƒe fia Balis dɔ Netania ƒe vi, Ismael be wòava ɖe wò agbe ɖa oa?” Ke Ahikam ƒe vi, Gedalia mexɔ woƒe nya la dzi se o." data/train/JER/JER_049_Verse_017.mp3,Makplɔ ya eneawo tso dziƒo ƒe dzogoe eneawo dzi aƒu Elam. Makaka wo ɖe ya eneawo dzi eye dukɔ aɖeke manɔ anyi si ke me womakpɔ Elam ƒe aboyomewo le o. data/train/JER/JER_052_Verse_031.mp3,"Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti." data/train/JER/JER_034_Verse_009.mp3,"Ke azɔ la miegatrɔ glalã, heƒo ɖi nye ŋkɔ eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gaxɔ ŋutsu kple nyɔnu kluvi siwo miena ablɔɖee be woayi afi si wolɔ̃. Miezi wo dzi be woaganye miaƒe kluviwo." data/train/JER/JER_028_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔ ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Matsɔ gakɔkuti aku kɔ na dukɔwo katã be woasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar eye woazu subɔlawo nɛ. Mana ŋusẽe ɖe lã wɔadãwo gɔ̃ hã dzi.” ’ ”" data/train/JER/JER_006_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Milã atiawo, eye miaƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu. Ele be woahe to na du sia elabena eyɔ fũu kple ŋutasesẽ." data/train/JER/JER_049_Verse_002.mp3,"Anɔ abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la ene ale be ame aɖeke manɔ afi ma o, ŋutsu aɖeke manɔ eme o.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_032_Verse_000.mp3,"Akplɔ Zedekia ayi ɖe Babilonia, afi si wòanɔ va se ɖe esime matu nu kplii Yehowae gblɔe. Ne èwɔ aʋa kple Babiloniatɔwo la, màɖu wo dzi o.’ ”" data/train/JER/JER_050_Verse_040.mp3,"Yehowa be, “Wɔ avu kple Merataim kple ame siwo le Pekod. Ti wo yome, wu wo eye nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Wɔ nu siwo katã ƒe se mede na wò." data/train/JER/JER_051_Verse_062.mp3,Yeremia ŋlɔ gbegblẽ siwo katã ava Babilonia dzi la ɖe lãgbalẽ dzi eye wonye nyaŋlɔɖiwo tso Babilonia ŋuti. data/train/JER/JER_023_Verse_019.mp3,"Matsɔ alẽkplɔla siwo akpɔ wo dzi nyuie la aɖo wo nu, ale womagavɔ̃ alo dzidzi naƒo wo alo wo dometɔ aɖeke nabu o.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_043_Verse_012.mp3,"Yehowa ƒe nya va na Yeremia le Tapanhes be," data/train/JER/JER_017_Verse_007.mp3,"ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ava to du sia ƒe agbowo me kple woƒe dumegãwo. Wo kple woƒe dumegãwo anɔ tasiaɖamwo me kple sɔwo dzi ava, Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem la akplɔ wo ɖo eye du sia anye amenɔƒe tegbee." data/train/JER/JER_040_Verse_007.mp3,"Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo gale gbea dzi la va Gedalia gbɔ le Mizpa" data/train/JER/JER_043_Verse_006.mp3,"Esi Yeremia wu Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nyawo gbɔgblɔ na dukɔ la nu eye esi wòwu nya siwo katã Yehowa ɖo ɖee be wòagblɔ na wo nu vɔ la," data/train/JER/JER_048_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, hɔ̃ aɖe dzo gbɔna, eɖo asagba, keke eƒe aʋalawo me ɖe Moab dzi." data/train/JER/JER_029_Verse_007.mp3,"Ekema miayɔm eye matɔ na mi, miado gbe ɖa nam eye maɖo to mi." data/train/JER/JER_025_Verse_024.mp3,"Le ɣe ma ɣi la, ame siwo Yehowa wu la akaka ɖe afi sia afi, tso anyigba ƒe go sia dzi yi go kemɛ dzi. Womafa na wo alo aƒo wo ƒu alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba." data/train/JER/JER_022_Verse_005.mp3,"Ame si gblɔ be, ‘Matu fiasã gã aɖe na ɖokuinye eye dziƒoxɔwo me akeke nyuie.’ Ale wòɖe fesre gãwo ɖe eŋuti eye wòtsɔ sedaʋuƒowo fa ɖe xɔawo me, hetsɔ aŋɔ dzĩ si nɛ." data/train/JER/JER_042_Verse_014.mp3,"‘Ne mienɔ anyigba sia dzi la, matu mi eye nyemagbã mi o, mado mi eye nyemaho mi o, elabena gbegblẽ si mehe va mia dzii la vem ŋutɔ." data/train/JER/JER_007_Verse_029.mp3,"Yehowa be, ‘Nyee wole dziku dom na? Ɖe menye woawo ŋutɔ boŋue le nuvevi wɔm wo ɖokui hena woƒe ŋukpe oa?’" data/train/JER/JER_007_Verse_025.mp3,"“Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, eye tso afi ma nàɖe gbeƒã nya sia: “ ‘Mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã to agbo sia me yina be miasubɔ Yehowa." data/train/JER/JER_042_Verse_013.mp3,"Migavɔ̃ na Babilonia fia si vɔ̃m miele fifia o. Yehowa be migavɔ̃ nɛ o, elabena meli kpli mi be maxɔ na mi eye maɖe mi tso eƒe asi me." data/train/JER/JER_035_Verse_012.mp3,"Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe mi enuenu, wogblɔ na mi be. “Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi ne wòaɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo eye migadze mawu tutɔwo yome be miasubɔ wo o. Ekema mianɔ anyigba si metsɔ na mi kple mia fofowo la dzi.” Gake mietsɔ ɖeke le eme alo ɖo tom o." data/train/JER/JER_048_Verse_035.mp3,Wodze Luhit mɔ dzi le avi fam hehehe. Wose konyifaɣli le Horonaim mɔ dzi le gbegblẽ la ta. data/train/JER/JER_008_Verse_016.mp3,"“Yehowa be, ‘Le ɣe ma ɣi la, Yuda fiawo kple woƒe dumegãwo ƒe ƒuwo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo ƒe ƒuwo kple Yerusalem nɔlawo ƒe ƒuwo la, woaɖe wo le woƒe yɔdowo me." data/train/JER/JER_044_Verse_014.mp3,"Ke womeɖo to alo tsɔ ɖeke le eme o; Womeɖe asi le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ŋu alo dzudzɔ dzudzɔʋeʋĩdodo na mawu tutɔwo o," data/train/JER/JER_008_Verse_017.mp3,"Yehowa be, “Maxɔ nuku siwo woxa la le wo si. Wainkawo agbe tsetse, gbo matse ɖe gbotiwo dzi o eye woƒe aŋgbawo ayrɔ. Nu si matsɔ na wo la woaxɔ wo le wo si.”" data/train/JER/JER_048_Verse_005.mp3,"Dzidzɔ kple aseyetsotso nu tso le Moab ƒe agblewo me. Metsi wain nu le wainfiamɔwo me, ame aɖeke magafiae kple dzidzɔ o. Togbɔ be ɣli le ɖiɖim hã la, menye dzidzɔɣlie o." data/train/JER/JER_025_Verse_029.mp3,"Migadze mawu tutɔwo yome, ahayi wo subɔ ge o. Migade ta agu na wo o, migado dziku nam kple nu siwo miaƒe asiwo wɔ la o. Ekema nyemawɔ nuvevi mi o.”" data/train/JER/JER_050_Verse_004.mp3,"Ame sia ame si ke ɖe wo ŋu la vuvua wo; woƒe futɔwo gblɔ be, ‘Míedze agɔ o, elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe lãnyiƒe vavã, kple Yehowa wo fofowo ƒe mɔkpɔkpɔ ŋuti?’" data/train/JER/JER_044_Verse_013.mp3,"Ke boŋ míawɔ nu sia nu si míegblɔ be míawɔ, míado dzudzɔʋeʋĩ na Dziƒofianyɔnu, eye míaƒo aha ɖi nɛ abe ale si ko mía fofowo, míaƒe fiawo kple dumegãwo wɔe le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ene. Le ɣe ma ɣi la, nuɖuɖu geɖe nɔ mía si, agbe hã dze dzi na mí nyuie eye míekpe hiã aɖeke o." data/train/JER/JER_046_Verse_022.mp3,"“O, ɖetugbi dzadzɛ, Egipte vinyɔnu, yi ɖe Gilead nàƒle dɔyɔmi. Dzodzroe nèli kɔ atikewo gleglegle, elabena màhaya akpɔ o." data/train/JER/JER_002_Verse_017.mp3,Mitso ƒu ne miava Kiprotɔwo ƒe fukpo dzi ne miakpɔ nu. Midɔ ame ɖo ɖe Kedar ne woalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie. Mikpɔe ɖa be nane nɔ anyi alea kpɔ hã. data/train/JER/JER_039_Verse_011.mp3,"“Kplɔe eye nàkpɔ edzi, mègawɔ vɔ̃ aɖekee o, ke boŋ wɔ nu sia nu si wòabia la nɛ.”" data/train/JER/JER_013_Verse_002.mp3,"Ale meƒle alidziblanu la abe ale si Yehowa gblɔ nam ene, eye metsɔe bla nye ali dzi." data/train/JER/JER_049_Verse_033.mp3,"Via ŋutsuwo aku, atsi mɔtatawo dzi le nyateƒe me, eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo katã nu gbe ma gbe." data/train/JER/JER_051_Verse_032.mp3,"“Kɔ aflaga dzi le anyigba la dzi! Ku kpẽ la le dukɔwo dome! Dzra dukɔwo ɖo woakpe aʋa kplii. Yɔ fiaɖuƒe siawo woava sɔ ɖe eŋu, Ararat, Mini kple Askenaz. Ɖo aʋafia ɖe eŋu, eye nàdɔ sɔ siwo sɔ gbɔ abe ʋetsuviwo ene la ɖe eŋu." data/train/JER/JER_051_Verse_059.mp3,"Yehowa be, “Metso ɖe ŋuwò, O, wò to nugblẽla, wò si gblẽ xexea me katã. Mado nye asi ɖe gbɔwò, atu asi wò nàmli age tso to dzi adze anyi eye mawɔ wò abe to si dzo bi la ene." data/train/JER/JER_038_Verse_000.mp3,"Ale Ebed Melek kplɔ ŋutsuawo ɖe asi eye woyi ɖe xɔ si le nudzraɖoƒe la te, le fiasã la me. Etsɔ avɔ vuvu kple awu vuvu aɖewo le afi ma, hetsɔ wo sa ɖe ka ŋuti heɖiɖii ɖe Yeremia gbɔ le vudo la me." data/train/JER/JER_013_Verse_007.mp3,"Esiae nye tɔwò kple wò gomekpɔkpɔ si meɖo ɖi na wò, elabena ègblẽm ɖi hedze aʋatsomawuwo yome." data/train/JER/JER_051_Verse_029.mp3,"Ke ame si nye Yakob ƒe gome la mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nuwo katã wɔla eye eya kee wɔ dukɔ si nye eƒe domenyinu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ." data/train/JER/JER_036_Verse_011.mp3,"Eya ta wò, yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nutsitsidɔ ŋkeke aɖe dzi eye nàxlẽ Yehowa ƒe nya siwo megblɔ na wò nèŋlɔ la na wo. Xlẽe na Yudatɔ siwo katã tso woƒe du vovovowo me va." data/train/JER/JER_002_Verse_037.mp3,Ɖe ɖetugbi aŋlɔ eƒe atsyɔ̃ɖonuwo be alo ŋugbetɔ naŋlɔ eƒe lekewɔnuwo bea? Gake nye dukɔ ŋlɔm be hena ɣeyiɣi didi aɖe. data/train/JER/JER_036_Verse_020.mp3,"Ne Yehudi xlẽ lãgbalẽ la fli etɔ̃ alo ene ko la, fia la tsɔa agbalẽŋlɔlawo ƒe hɛ lãnɛ ɖa hetsɔna ƒua gbe ɖe dzo si le ekɔme la me. Ewɔe alea va se ɖe esime wòtsɔ lãgbalẽ la katã de dzo me." data/train/JER/JER_051_Verse_015.mp3,"Babilonia ƒe kalẽtɔwo dzudzɔ aʋawɔwɔ eye wotsi woƒe mɔ sesẽwo me. Ŋusẽ vɔ le wo ŋu, eye wole ko abe nyɔnuwo ene. Wotɔ dzo eƒe nɔƒewo eye woŋe eƒe agbometiwo." data/train/JER/JER_032_Verse_039.mp3,"Wotrɔ woƒe ʋu me dem, menye woƒe ŋkume o. Togbɔ be mefia nu wo atraɖii hã la, womeɖo to alo trɔ ɖe amehehe ŋuti o." data/train/JER/JER_002_Verse_007.mp3,"“Dzodzroe mehe to na wò amewo, elabena mehe ɖɔɖɔɖo aɖeke va woƒe agbe mee o. Wò yi vuvu wò nyagblɔɖilawo abe dzata dɔwui ene." data/train/JER/JER_034_Verse_013.mp3,"Màdo le eƒe asi me o, ke boŋ woalé wò kokoko ade asi nɛ. Àkpɔ Babilonia fia la kple wò ŋutɔ wò ŋkuwo eye aƒo nu kpli wò ŋkume kple ŋkume. Ale woakplɔ wò ayi Babiloniae." data/train/JER/JER_016_Verse_010.mp3,"Ke boŋ woagblɔ be, ‘Meta Yehowa si kplɔ Israelviwo tso anyiehenyigba dzi kple dukɔ siwo katã me wonya wo ɖo ɖa la ƒe agbe.’ Elabena magbugbɔ wo aɖo te le anyigba si metsɔ na wo fofowo la dzi." data/train/JER/JER_014_Verse_001.mp3,"Aleke nèle abe ame si nane wɔ nuku na alo kalẽtɔ si ƒe ŋusẽ vɔ, eye mate ŋu axɔ na ame o la ene? O Yehowa, èle mía dome, eye wò ŋkɔ le mía ŋu eya ta mègagblẽ mi ɖi o!" data/train/JER/JER_031_Verse_005.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne woate ŋu adzidze dziƒo eye woate ŋu adzro anyigba ƒe agunu me akpɔ la, eya ko hafi mate ŋu agbe nu le Israel ƒe dzidzimeviwo katã gbɔ le nu siwo katã wowɔ la ta.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_046_Verse_002.mp3,"Ale fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Meta nye agbe be ame aɖe ava abe Tabɔr le towo dome kple Karmel le atsiaƒu to ene." data/train/JER/JER_032_Verse_024.mp3,"Metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Baruk, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel kple ɖasefo siwo de asi agbalẽ la te kple Yudatɔ siwo katã nɔ anyi ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la ŋkume." data/train/JER/JER_032_Verse_009.mp3,"Elɔ̃a ame akpe nanewo gake ètsɔa fofowo ƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe ɖoa akɔ na vi siwo wodzi. O Mawu gã kple ŋusẽtɔ, ame si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ," data/train/JER/JER_036_Verse_016.mp3,"Le esia teƒe boŋ la, fia la ɖe gbe be Yerameel, via ŋutsuwo dometɔ ɖeka, Seraya, Azriel ƒe vi kple Selemia, Abdeel ƒe vi, woayi aɖalé Baruk, agbalẽŋlɔla kple Yeremia, nyagblɔɖila la vɛ, ke Yehowa tsɔ wo ɣla." data/train/JER/JER_003_Verse_024.mp3,"Yi, nàɖe gbeƒã nya sia ɖo ɖe anyiehe gome. Yehowa be, “ ‘Xɔsemanɔsitɔ Israel trɔ gbɔ. Nyemagahe nya ɖe ŋuwò azɔ o elabena nublanuikpɔlae menye eye nyemado dziku tegbee o.’ Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_041_Verse_000.mp3,"Ame siwo katã Ismael ɖe aboyoe le Mizpa la trɔ le eyome eye woyi ɖe Yohanan, Karea ƒe vi la gbɔ." data/train/JER/JER_030_Verse_006.mp3,"Ame aɖeke meli aʋli tawò o, atike aɖeke meli na wò abi la o, eya ta dɔyɔyɔ hã meli na wò o." data/train/JER/JER_041_Verse_014.mp3,"Netania ƒe vi, Ismael kple ŋutsu ewo siwo le eŋuti la tsi tsitre, eye wotsɔ yi ƒo ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi eye wowu ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi." data/train/JER/JER_004_Verse_007.mp3,Gbegblẽ kplɔ gbegblẽ ɖo eye anyigba blibo la zu aƒedo. Enumake wogbã nye agbadɔwo eye le aɖabaƒoƒo ɖeka me wogbã nye aƒe. data/train/JER/JER_036_Verse_029.mp3,"Yeremia gblɔ na Baruk be, “Mele ga me eya ta nyemate ŋu ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o." data/train/JER/JER_048_Verse_030.mp3,Woagbã Moab kple eƒe duwo eye woakplɔ eƒe ɖekakpui vavãwo ayi ɖe amewuƒee.” Fia si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe. data/train/JER/JER_038_Verse_022.mp3,"Tete Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ne ètsɔ ɖokuiwò de asi na Babilonia fia ƒe amegãwo la, àɖe wò agbe eye womatɔ dzo du sia hã o, ale wò ŋutɔ kple wò ƒometɔwo siaa miatsi agbe." data/train/JER/JER_036_Verse_026.mp3,"“Tsɔ lãgbalẽ bubu, eye nàŋlɔ nya siwo katã nɔ gbãtɔ dzi la ɖe edzi, nya siwo ke Yuda fia Yehoyakim tɔ dzoe." data/train/JER/JER_035_Verse_010.mp3,"Gawu la, miatu xɔwo, aƒã nuku alo ade waingble gbeɖe o; nu siawo ƒe ɖeke mekpɔ mɔ anɔ mia si o, ke boŋ mianɔ avɔgbadɔwo me ɣe sia ɣi. Ekema mianɔ agbe didi le anyigba la dzi, afi si mienye tsatsalawo le.’" data/train/JER/JER_023_Verse_031.mp3,"“Yehowa be eya ta ŋkekewo li gbɔna esi amewo magagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israelviwo do goe le Egipte la ƒe agbe’ o." data/train/JER/JER_029_Verse_003.mp3,"ale Yehowa gblɔe nye esi: Mahe to na Semaya, Nehelamitɔ kple eƒe dzidzimeviwo katã, eƒe ƒometɔ aɖeke masusɔ ɖe eƒe amewo dome alo akpɔ nu nyui si mawɔ na nye dukɔ la o, elabena egblɔ nya be woadze aglã ɖe ŋutinye.’ ” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_044_Verse_028.mp3,"ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ la ta. Wodo dziku nam vevie elabena wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na gbetsiwo eye wode ta agu na mawu tutɔ siwo woawo ŋutɔwo loo, alo miawo alo wo fofowo menya kpɔ o." data/train/JER/JER_013_Verse_012.mp3,"Maɖe avɔ le ŋuwò atsɔ atsyɔ mo na wò be woakpɔ wò ŋukpeƒe," data/train/JER/JER_044_Verse_005.mp3,"elabena nye ŋku le wo ŋuti hena vɔ̃, menye nyui o. Yudatɔ siwo le Egipte la atsrɔ̃ ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me va se ɖe esime wo katã woavɔ." data/train/JER/JER_014_Verse_021.mp3,"“Ɖe nègbe Yuda gbidiia? Ɖe wò dzi megaku ɖe Zion ŋu oa? Nu ka ta nède abi mía ŋuti ale gbegbe be míate ŋu akpɔ dɔyɔyɔ o? Míekpɔ mɔ na ŋutifafa gake nu nyui aɖeke meva na mí o. Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ, ke ŋɔdzi boŋue li." data/train/JER/JER_036_Verse_009.mp3,"Esi wotsɔ lãgbalẽ la da ɖe agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me vɔ la, woyi ɖe fia la gbɔ le xɔxɔnu eye wogblɔ nya ɖe sia ɖe nɛ." data/train/JER/JER_031_Verse_010.mp3,"Balime afi si wotsɔ ŋutilã kukuwo kple woƒe afiwo ƒu gbe ɖo la katã kple agbleliƒowo me va ke ɖe keke Kidron Balime, le ɣedzeƒe lɔƒo, va se ɖe keke Sɔgbo la ƒe dzogoe dzi, ke anye teƒe kɔkɔe na Yehowa. Womagagbã du sia alo agblẽe akpɔ gbeɖe o.”" data/train/JER/JER_032_Verse_032.mp3,"Tso gbe si gbe ke wotso du sia va se ɖe fifia la, du sia do dziku kple dɔmedzoe nam ale gbegbe be ele nam be maɖee ɖa le nye ŋkuta." data/train/JER/JER_025_Verse_020.mp3,"Ke ne wogbe be yewomaxɔ kplu la le asiwò ano o la, nàgblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Ele na mi be mianoe!”" data/train/JER/JER_008_Verse_002.mp3,"“ ‘Aleke wɔ miate ŋu agblɔ be, “Míenye nunyalawo, elabena Yehowa ƒe se la le mía si,” evɔ le nyateƒe me, agbalẽfialawo ƒe nuŋlɔti trɔe wòzu aʋatso’ o?" data/train/JER/JER_005_Verse_024.mp3,"Yehowa be, “Ke le ɣe ma ɣi hã la, nyematsrɔ̃ mi gbidigbidi o." data/train/JER/JER_015_Verse_013.mp3,Nyemenɔ anyi ɖe aglotulawo ƒe hame kpɔ loo alo kpɔ dzidzɔ kpli wo kpɔ o. Nye ɖeka koe nɔ anyi elabena wò asi le dzinye eye nètsɔ dziku yɔ menye. data/train/JER/JER_031_Verse_006.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Wose konyifagbe kple avifafa vevie le Rama, Rahel le avi fam ɖe viawo ta eye wògbe be womegafa akɔ na ye o, elabena viawo megali o.”" data/train/JER/JER_002_Verse_008.mp3,"ègblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ o. Mekpɔ dziku ɖe ŋutinye o.’ Ke madrɔ̃ ʋɔnu wò elabena ègblɔ be, ‘Nyemewɔ nu vɔ̃ o.’" data/train/JER/JER_003_Verse_016.mp3,"Vavãe, legbasubɔsubɔ ƒe hoowɔwɔ le togbɛwo dzi kple towo tame nye beble sɔŋ ko. Enye nyateƒe be Yehowa, míaƒe Mawu lae nye Israel ƒe xɔnametɔ." data/train/JER/JER_030_Verse_018.mp3,"Wò lɔlɔ̃tɔwo katã ŋlɔ wò be, wometsɔ ɖeke le eme na wò o. Metu nu kpli wò abe ale si futɔ awɔ wòe ene, eye mehe to na wò abe ale si ŋutasẽla awɔe ene, elabena wò agɔdzedze lolo ŋutɔ, eye wò nu vɔ̃wo hã sɔ gbɔ." data/train/JER/JER_051_Verse_011.mp3,"Babilonia adze anyi kpata, eye woagbã gudugudu. Fa avi sesĩe ɖe eta! Di dɔyɔmi na eƒe vevesese, ɖewohĩ akpɔ dɔyɔyɔ." data/train/JER/JER_032_Verse_007.mp3,"Èkplɔ wò dukɔ, Israel, do goe le Egipte kple dzesiwo, nukunuwo, alɔ sesẽ kple abɔ si le dzi kple ŋɔdzi gã." data/train/JER/JER_025_Verse_035.mp3,"Yehowa be, “Gake mieɖo tom o eye mietsɔ nu siwo miawo ŋutɔ ƒe asiwo wɔ la do dziku nam eye miehe vɔ̃ va mia ɖokuiwo dzii.”" data/train/JER/JER_002_Verse_016.mp3,"Miaƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ahe to na mi eye miaƒe megbedede aka mo na mi. Bu eŋu nàdze si ale si wòavɔ̃ɖi na wò, ahave wòe esi nègblẽ Yehowa, wò Mawu la ɖi, eye mèvɔ̃m o la ta.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/JER/JER_040_Verse_009.mp3,"Ke egbe la, meɖe ga le alɔnu na wò, ne elɔ̃ la, kplɔm ɖo míayi Babilonia, makpɔ dziwò nyuie, gake ne melɔ̃ o la, ate ŋu anɔ anyi faa. Kpɔ ɖa, anyigba blibo la le ŋkuwò me, yi afi sia afi si nèlɔ̃ la faa.”" data/train/JER/JER_006_Verse_025.mp3,"Wobla abi na nye dukɔ abe ɖe menye abi gã aɖeke wònye o ene. Wole gbɔgblɔm be, ‘Ŋutifafa, ŋutifafa.’ Evɔ la, ŋutifafa aɖeke meli hafi o." data/train/JER/JER_023_Verse_004.mp3,"Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋutie nye esi: “Kpɔ ɖa, mana nuɖuɖu veve wo eye makpe tsi si me wode aɖii la na wo elabena Yerusalem ƒe nyagblɔɖilawo gbɔe wòtso be, mawumavɔmavɔ̃ kaka ɖe anyigba blibo la dzi.”" data/train/JER/JER_003_Verse_021.mp3,"Yehowa be, “Nye ŋutɔe gblɔ be, “ ‘Matsɔ dzidzɔ alé be na mi abe viŋutsuwo ene eye matsɔ anyigba nyui aɖe ana mi, domenyinu nyuitɔ kekeake si dukɔ aɖe ate ŋu akpɔ.’ Mebu be miayɔm be, ‘Fofonye’ eye miatrɔ le yonyeme o." data/train/JER/JER_041_Verse_006.mp3,"Gbe si gbe wowu Gedalia ƒe fɔŋli, hafi ame aɖe nase nu si dzɔ la," data/train/JER/JER_012_Verse_013.mp3,"Va se ɖe ɣe ka ɣie ku naɖi le anyigba dzi eye gbewo naƒu ase ɖo? Esi edzinɔlawo nye ame vɔ̃ɖiwo ta la, xewo kple lãwo siaa tsrɔ̃. Gawu la, amewo le gbɔgblɔm be, “Makpɔ nu si dzɔ ɖe mía dzi o.”" data/train/JER/JER_051_Verse_022.mp3,"Elabena ɣeyiɣi li gbɔna, esi mahe to na Babilonia legbawo godoo eye ŋukpe alé eƒe anyigba blibo la ale be eƒe Ame tsiaʋawo akaka ɖe anyigba blibo la dzi." data/train/JER/JER_051_Verse_025.mp3,"Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maʋli tawò eye mabia hlɔ̃ na wò. Mana eƒe atsiaƒu namie ƒiaƒiaƒia eye eƒe vudowo me naƒu kplakplakpla." data/train/JER/JER_039_Verse_009.mp3,"Ke esi Yeremia gale dzɔlawo ƒe xɔxɔm ko la, Yehowa ƒe gbe va nɛ be:" data/train/JER/JER_037_Verse_013.mp3,"Kura gɔ̃ hã, ne miaɖu Babiloniatɔ siwo ho aʋa ɖe mia ŋu la ƒe aʋakɔwo katã dzi eye abixɔlawo koe asusɔ ɖe woƒe asaɖa me hã la, woado ava xɔ du sia atɔ dzoe.”" data/train/JER/JER_006_Verse_015.mp3,"“Midzra ɖo, miawɔ aʋa kplii! Mitso, mina míadze aʋa le ŋdɔ me, gake ao, ŋkeke le bubum eye ɣetrɔ ƒe vɔvɔli le ɖiɖim ɖe edzi." data/train/JER/JER_050_Verse_030.mp3,"“Miɖe gbeƒãe eye mido kpoe le dukɔwo dome, mikɔ aflaga dzi, ne miado bobloe; migagbe nya la katã gbɔgblɔ o, ke boŋ migblɔ be, ‘Woaxɔ Babilonia, ŋukpe alé Bel eye ŋɔdzi alé Marduk vevie. Woado ŋukpe eƒe legbawo eye ŋɔdzi alé eƒe aklamakpakpɛwo.’" data/train/JER/JER_046_Verse_015.mp3,"Miƒo ƒu miaƒe nuwo na aboyomeyiyi, mi ame siwo le Egipte, elabena Memfis azu aƒedo eye woagbãe gudugudu be ame manɔ eme o." data/train/JER/JER_034_Verse_015.mp3,"“Matsɔ Yuda fia Zedekia kple eƒe dumegãwo ade asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim, na Babilonia fia ƒe aʋakɔ siwo ʋu dzo le mia gbɔ la." data/train/JER/JER_037_Verse_019.mp3,Yeremia do le dua me be yeayi ɖe Benyaminyigba dzi be yeaxɔ yeƒe gome ɖe ame siwo le afi ma la dome. data/train/JER/JER_011_Verse_022.mp3,Yuda ƒe duwo kple Yerusalem nɔlawo afa avi na woƒe mawu siwo wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na gake womate ŋu akpe ɖe wo ŋuti ne gbegblẽ siawo katã va ƒo ɖi o. data/train/JER/JER_003_Verse_003.mp3,"Eya ta woɖo asi tsidzadza dzi eye kelemetsi gɔ̃ hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo ŋanɛ li na wò eye ŋu gbe wò kpekpe." data/train/JER/JER_025_Verse_028.mp3,"Mi alẽkplɔlawo, mifa avi, mido ɣli, mimli le ke me, mi alẽha ƒe kplɔlawo. Elabena miaƒe ɣeyiɣi de, be woawu mi, miadze anyi agbã gudugudu abe tɔmedeze ene." data/train/JER/JER_013_Verse_013.mp3,"Mifɔ mo dzi ne miakpɔ ame siwo gbɔna tso anyiehe. Afi ka alẽha si wotsɔ de asi na mi la le, alẽha si dzi miedana ɖo?" data/train/JER/JER_032_Verse_010.mp3,"“Esi metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Neria ƒe vi, Baruk vɔ la, medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be:" data/train/JER/JER_039_Verse_003.mp3,"dɔ amewo ɖe Yeremia gbɔ, eye woɖee le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. Wokplɔe de asi na Ahikam ƒe vi, Gedalia kple Safan ƒe vi be wòakplɔe ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe mee. Ale wòyi ɖanɔ eya ŋutɔ ƒe amewo dome." data/train/JER/JER_050_Verse_013.mp3,"“Esi mi ame siwo nye avuzi le nye domenyinu dzi, kpɔ dzidzɔ, hetso aseye eye esi mieti kpo abe nyinɔvi si le bli nyɔm ene, hexlɔ̃ abe sɔtsuwo ene ta la," data/train/JER/JER_036_Verse_030.mp3,"Ɖewohĩ ne Yudatɔwo ase gbegblẽ siwo katã meɖo be mahe va wo dzii la, wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi; ekema matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple nu vɔ̃ ake wo.”" data/train/JER/JER_019_Verse_004.mp3,"“Emegbe, gbã ze la le ame siwo nèkplɔ ɖe asi la ŋkume," data/train/JER/JER_027_Verse_012.mp3,"Nenye nyagblɔɖilawoe wonye vavã eye Yehowa ƒe nya le wo me la, ekema woneɖe kuku na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, be nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda fia ƒe aƒe me le Yerusalem la, womagalɔ wo ayi Babilonia o." data/train/JER/JER_051_Verse_004.mp3,“Aleke woahalé Sesak eye asi asu anyigba blibo la ƒe adegbeƒola dzi! Aleke Babilonia azu ŋɔdzinu le dukɔwo dome! data/train/JER/JER_008_Verse_007.mp3,"“Kpɔ ɖa, madɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe mia dome. Da siwo miate ŋu asa gbe ade o eye woaɖu mi.” Yehowae gblɔe." data/train/JER/JER_004_Verse_002.mp3,"Du sia du lé du tsɔ esi wose sɔwo kple aŋutrɔdalawo ƒe hoowɔwɔ. Ame aɖewo yi ɖabe ɖe ave dodowo me, eye ɖewo lia agakpewo. Duwo katã me ɖi gbɔlo: ame aɖeke megale wo me o." data/train/JER/JER_036_Verse_007.mp3,"Esi Mikaya, Gemaria ƒe vi, Safan ƒe vi la se Yehowa ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe lãgbalẽ la dzi la," data/train/JER/JER_043_Verse_008.mp3,"Ke boŋ Neria ƒe vi, Baruk, eyae le adã dem ta me na wò ɖe mía ŋu be, nàtsɔ mí ade asi na Babiloniatɔwo be woawu mí loo, alo aɖe aboyo mí ayi ɖe Babiloniae.”" data/train/JER/JER_018_Verse_018.mp3,"Woana woƒe anyigba nazu gbegbe, eye woazu alɔmeɖenu tegbee. Ame siwo katã ato afi ma ayi la, ƒe mo awɔ yaa, eye woaʋuʋu ta." data/train/JER/JER_033_Verse_020.mp3,"“Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna esi mawɔ ɖe amenuveve ƒe ŋugbe si medo na Israel kple Yuda ƒe aƒewo dzi.’" data/train/JER/JER_040_Verse_001.mp3,"Esi asrafowo ƒe amegã siwo le aʋagbedzi se be Babilonia fia tsɔ Ahikam ƒe vi, Gedalia ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi, hetsɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, ame siwo nye ame dahewo eye womekplɔ wo yi aboyo mee le Babilonia o la de eƒe dzikpɔkpɔ te la," data/train/JER/JER_011_Verse_005.mp3,"Eya ta ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Mahe gbegblẽ si nu womate ŋu asi le o la ava wo dzi togbɔ be woado ɣli ayɔm hã la, nyematɔ na wo o." data/train/JER/JER_010_Verse_004.mp3,"Baba nam le abi si mexɔ la ta. Nye abi la nye abi makumaku! Gake megblɔ na ɖokuinye be, “Esia nye nye dɔléle eya ta ele nam be manɔ te ɖe enu.”" data/train/JER/JER_014_Verse_003.mp3,"Bubumewo dɔa woƒe dɔlawo ɖe tsikuƒe; woyina ɖe vudowo to, gake womekpɔa tsi le wo me o. Wotrɔna gbɔna kple ze ƒuƒluwo, ŋu kpea wo, wobua mɔkpɔkpɔ eye wotsɔa nu tsyɔa ta." data/train/JER/JER_050_Verse_023.mp3,"Le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ ta la, ame maganɔ eme o, ke boŋ azu aƒedo. Ame sia ame si to Babilonia ŋu yi la ƒe nu aku eye woaɖu fewu le woƒe abixɔxɔwo katã ta." data/train/JER/JER_036_Verse_028.mp3,"Wogblɔ nɛ be, “Míeɖe kuku nɔ anyi, ne nàxlẽe na mí.” Tete Baruk xlẽe na wo." data/train/JER/JER_051_Verse_009.mp3,"“Avi le ɖiɖim tso Babilonia, gbegblẽ ƒe ɣli gã aɖe le ɖiɖim tso Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi." data/train/JER/JER_051_Verse_006.mp3,"“ ‘Anye ne míeyɔ dɔ Babilonia, gake womate ŋu ayɔ dɔe o; mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nayi eƒe du me, agblẽe ɖi, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖatɔ dziƒo, eye wòkɔ abe lilikpo ene.’" data/train/JER/JER_006_Verse_017.mp3,"Migado yi ɖe agble alo azɔ le mɔtatawo dzi o, elabena yi le futɔ la si eye ŋɔdzi ƒo xlã mi kpe ɖo." data/train/JER/JER_049_Verse_026.mp3,Nu ka ta womegblẽ du xɔŋkɔ si ŋu mekpɔa dzidzɔ le la ɖi o? data/train/JER/JER_034_Verse_020.mp3,"Yuda kple Yerusalem dumegãwo, nunɔlawo kple ame siwo katã le anyigba dzi, ame siwo zɔ to nyivi fefe la titina la," data/train/JER/JER_042_Verse_006.mp3,"eye ne miegblɔ be, ‘Gbeɖe, míayi aɖanɔ Egipte, afi si míakpɔ aʋa teƒe le, ase kpẽ ƒe ɖiɖi loo, alo abolo mahiã mí le o la,’" data/train/JER/JER_011_Verse_000.mp3,"Ame aɖeke masusɔ o, elabena mahe dzɔgbevɔ̃e gã aɖe ada ɖe Anatɔt ŋutsuwo dzi le ƒe si meɖo be mahe to na wo la me.’ ”" data/train/JER/JER_034_Verse_007.mp3,Gake wotrɔ susu emegbe eye wogana ame siwo ŋu woɖe asi le la gazu kluviwo. data/train/JER/JER_035_Verse_007.mp3,"“Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miɖo to! Mahe gbegblẽ si meɖe gbeƒãe la ava Yuda kple ame sia ame si le Yerusalem la dzi. Meƒo nu na wo, gake womeɖo tom o meyɔ wo gake wometɔ o.’ ”" data/train/JER/JER_023_Verse_017.mp3,"Le eƒe ŋkekewo me la, woaɖe Yuda eye Israel anɔ anyi le dedinɔnɔ me. Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ: Yehowa, Míaƒe Dzɔdzɔenyenye." data/train/JER/JER_017_Verse_024.mp3,"“Wotsɔ ganuŋlɔnu kple nuŋlɔti si kpe xɔasi aɖe le nugbɔ na la ŋlɔ Yuda ƒe nu vɔ̃ ɖe woƒe dziwo ƒe nuŋlɔkpewo dzi, kple woƒe vɔsamlekpuiwo ƒe dzowo ŋuti." data/train/JER/JER_002_Verse_025.mp3,Subɔvi alo kluvie Israel nye tso dzidzimea? Ke nu ka ta wòva zu nuhaha ɖo? data/train/JER/JER_025_Verse_015.mp3,"Eya ta nyagblɔɖila Yeremia, gblɔ na Yudatɔwo katã kple ame siwo nɔ Yerusalem la be:" data/train/JER/JER_025_Verse_022.mp3,"Kpɔ ɖa, miedze egɔme le gbegblẽ hem va du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi eye wò ya nèsusu be magbe tohehe na yea? Nyemagbe tohehe na wò o, elabena medɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.’" data/train/JER/JER_012_Verse_006.mp3,"Ne meho wo vɔ la, magakpɔ nublanui na wo, eye makplɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe va eƒe domenyinu gbɔ kple eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi." data/train/JER/JER_017_Verse_009.mp3,"Gake ne miegbe toɖoɖom, miewɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe o, mietsɔ agba to Yerusalem ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi la, ekema mado dzo matsimatsi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu eye wòafia eƒe mɔ sesẽwo.’ ”" data/train/JER/JER_030_Verse_001.mp3,"“Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Kpɔ ɖa, magaɖo Yakob ƒe aƒe ƒe nu nyuiwo te eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo; woagbugbɔ du la atso ɖe gli gbagbãwo teƒe eye woatu fiasã la ɖe eƒe nɔƒe xoxoa." data/train/JER/JER_001_Verse_013.mp3,"Yehowa gblɔ nam be, “Gbegblẽ atso anyiehe ava ƒo ɖe anyigbadzinɔlawo katã dzi." data/train/JER/JER_013_Verse_008.mp3,"Gblɔ na fia la kple fiasrɔ̃ la be, “Miɖi le miaƒe fiazikpuiwo dzi elabena miaƒe atsyɔ̃fiakukuwo age le ta na mi.”" data/train/JER/JER_033_Verse_025.mp3,"‘Yɔm, eye matɔ na wò, magblɔ nu gã siwo mènya o, eye wo me dzodzro hã meli o la na wò!’" data/train/JER/JER_017_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Aɖi ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe amegbetɔ dzi, hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe ŋusẽkpɔtsoƒee eye eƒe dzi te ɖa xaa tso Yehowa gbɔ la ŋuti kpekpekpe!" data/train/HAG/HAG_002_Verse_009.mp3,"Hagai gabia be, “Ekema ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋuti, eye wòzu ame makɔmakɔ, hafi wòka asi nuɖuɖu siawo ƒe ɖe ŋuti la, ɖe nu siawo hã zu nu makɔmakɔa?” Nunɔlaawo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, wozu nu makɔmakɔwo.”" data/train/HAG/HAG_002_Verse_003.mp3,"‘Esiae nye nu si mebla kpli mi esi miedo go tso Egipte be, nye Gbɔgbɔ la anɔ mia me. Migavɔ̃ o.’" data/train/HAG/HAG_002_Verse_020.mp3,"Tsã la, ne miedzidze bli dzidzenu blaeve da ɖi eye emegbe ne mietrɔ yi ɖadzidzee la dzidzenu ewo ko wòtsina. Nenema ke, le wainfiaƒe, ne miedzidze wain ahago blaatɔ̃ da ɖi la, ahago blaeve ko wòtsina ne miegayi ɖadzidzee." data/train/HAG/HAG_002_Verse_010.mp3,"Ke azɔ la, Oo Zerubabel, lé dzi ɖe ƒo eye nàdo ŋusẽ nu’ Yehowae gblɔe. ‘Sẽ ŋu, Oo Yosua, Yehozadak ƒe avi, nunɔlagã, sẽ ŋu, mi anyigbadzitɔwo katã eye miawɔ dɔ.’ Yehowae gblɔe. ‘Elabena nye la meli kpli mi.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/HAG/HAG_002_Verse_005.mp3,"“ ‘Eya ta, mibu ta me le nu siawo ŋu nyuie tso fifia yina, mibu ale si nuwo nɔ hafi woɖo kpe ɖe kpe dzi hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu." data/train/HAG/HAG_001_Verse_006.mp3,"Le esia megbe la, Hagai, Yehowa ƒe ame dɔdɔ, tsɔ Yehowa ƒe gbedeasi sia na ameawo, “Meli kpli mi,” Yehowae gblɔe." data/train/HAG/HAG_001_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Ame siawo le gbɔgblɔm be, ‘Ɣeyiɣi mede ne woagbugbɔ nye gbedoxɔ atu o.’ ”" data/train/HAG/HAG_002_Verse_001.mp3,"“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mibia nu si se la gblɔ la nunɔlawo," data/train/HAG/HAG_001_Verse_011.mp3,"Mieƒãa nuku taŋtaŋ gake nuku ʋɛ aɖewo ko mieŋena. Mieɖua nu gake meɖia ƒo na mi o. Mienoa nu gake meɖia kɔ na mi o, mietaa avɔ gake medea dzo lãme na mi o. Miexɔa fetu ke ɖeko mietsɔnɛ dea kotoku ŋɔŋɔ me.”" data/train/HAG/HAG_001_Verse_014.mp3,"Tete Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, Yosua, Yehozadak ƒe vi, nunɔlagã kple ame mamlɛawo katã ɖo to Nyagblɔɖila Hagai ƒe gbedeasi si wòxɔ tso Yehowa, woƒe Mawu la gbɔ elabena woxɔe se be Yehowa, woƒe Mawu lae dɔe eya ta ameawo vɔ̃ Yehowa eye wosubɔe." data/train/HAG/HAG_002_Verse_002.mp3,"Azɔ Hagai gblɔ na wo be, “Yehowa be nenema ame siawo kple dukɔ sia le le nye ŋkume. Nu sia nu si miewɔ kple nu sia nu si mietsɔ sa vɔe la ŋuti mekɔ o.” Yehowae gblɔe." data/train/HAG/HAG_002_Verse_018.mp3,‘Mia dometɔ kae ate ŋu aɖo ŋku ale si gbedoxɔ la ƒe atsyɔ̃ nɔ tsã la dzi? Aleke miele esia kpɔm fifiae? Ɖe wòɖi nane le mia ŋkumea? data/train/HAG/HAG_001_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Mibu ta me nyuie tso miaƒe zɔzɔme ŋu." data/train/HAG/HAG_002_Verse_012.mp3,"‘Klosalo la tɔnyee, eye sika hã tɔnyee.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/HAG/HAG_002_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “ ‘Le ŋkeke ma dzi la, matsɔ wò, nye dɔla Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, Yehowae gblɔe eye mawɔ wò nye ŋkɔsigɛe elabena metia wò.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”" data/train/HAG/HAG_002_Verse_004.mp3,"“Esiae nye nya si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ, ‘Madidi o la, maʋuʋu dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple ƒuƒuiƒe siaa." data/train/HAG/HAG_001_Verse_003.mp3,"Azɔ la Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Mibu ta me nyuie tso miaƒe zɔzɔme ŋuti." data/train/HAG/HAG_002_Verse_006.mp3,"‘Gbedoxɔ yeye la ƒe atsyɔ̃ gbɔ gbedoxɔ xoxoa ƒe atsyɔ̃ ŋu sãa.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. ‘Eye le teƒe sia makɔ nye ŋutifafa ɖo.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”" data/train/HAG/HAG_001_Verse_015.mp3,“Ɖe ɣeyiɣi de be miawo ya mianɔ aƒe nyuiwo me esi nye gbedoxɔ ƒe glikpowo gale nenema koa?” data/train/HAG/HAG_002_Verse_013.mp3,"Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛlia gbe la, Yehowa ƒe gbe va to Nyagblɔɖila Hagai dzi be," data/train/HAG/HAG_001_Verse_004.mp3,Esia tae dziƒowo te zãmu mi eye anyigba gbe nukuwo nana mi ɖo. data/train/HAG/HAG_002_Verse_016.mp3,"Maʋuʋu dukɔwo katã, woatsɔ woƒe kesinɔnuwo ava afii eye gbedoxɔ la ayɔ kple ŋutikɔkɔe.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/HAG/HAG_001_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa de dzo Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, ame si nye Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã kple Yosua, Yehozadak ƒe vi, nunɔlagã la kple ame mamlɛawo ƒe gbɔgbɔ me. Woƒo ƒu eye wodze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ tutu gɔme" data/train/HAG/HAG_002_Verse_007.mp3,"“Gblɔ na Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, ame si nye Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã kple nunɔlaga Yosua, Yehozadak ƒe vi kple Yudatɔwo ƒe ame mamlɛawo eye nàbia wo be," data/train/HAG/HAG_001_Verse_009.mp3,"Meɖe gbe be ku neɖi le agblewo kple towo dzi. Kuɖiɖi ana bli, wain yeye, ami kple miaƒe agblemenu bubuwo nagblẽ. Kuɖiɖi la nava amegbetɔwo, lãwo kple amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ ɖe sia ɖe dzi.”" data/train/HAG/HAG_002_Verse_015.mp3,Mamu fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi eye makaka dzronyigbadzifiaɖuƒewo. Mamu tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi eye sɔwo kple wo dolawo atsrɔ̃ eye ame sia ame atsi ehavi ƒe yi nu.” data/train/HAG/HAG_001_Verse_013.mp3,"Tete Yehowa ƒe gbe va to Nyagblɔɖila Hagai dzi be," data/train/HAG/HAG_002_Verse_011.mp3,"“ ‘Ke tso egbe, ɣleti asiekɛlia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, gbe si gbe woɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ gɔme anyi la, milé ŋku ɖe eŋu nyuie. Mibu eŋu kpɔ:" data/train/HAG/HAG_002_Verse_017.mp3,"Meda tohehe ɖe miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã dzi kple ŋɔviwo, ale miaƒe bli gblẽ le agble dzi eye tsikpe dza ɖe miaƒe nukuwo dzi gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye.’ Yehowae gblɔe." data/train/HAG/HAG_001_Verse_012.mp3,Miyi ɖe towo dzi ne miatso atiwo vɛ ne miatsɔ agbugbɔ atu nye gbedoxɔe. Ekema makpɔ ŋudzedze le eŋuti wòade bubu ŋunye.” Yehowae gblɔe. data/train/HAG/HAG_002_Verse_008.mp3,"“Gblɔ na Zerubabel, Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã la be, maʋuʋu dziƒo kple anyigba." data/train/DAN/DAN_011_Verse_005.mp3,"“Ame ɖigbɔ̃ aɖe ava ɖu fia ɖe eteƒe, ame si womatsɔ fianyenye ƒe bubu na o. Ke ne ameawo nɔ anyi le dedinɔnɔ me bɔkɔɔ la, ava ƒo ɖe wo dzi le vo me le fiaɖuƒe la me eye wòaxɔe to ayemɔ dzi." data/train/DAN/DAN_001_Verse_019.mp3,Mawu na nunya kple gɔmesese ɖekakpui ene siawo tso nuŋlɔɖi kple nunya ƒe alɔdze ɖe sia ɖe ŋu. Ke Daniel ya tea ŋu sea ŋutegawo kple drɔ̃e ɖe sia ɖe ƒomevi gɔme. data/train/DAN/DAN_001_Verse_010.mp3,"Fia la naa woƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu kple wain wo tso fia la ƒe kplɔ̃ dzi. Woahe wo ƒe etɔ̃ eye le ɣeyiɣi sia megbe la, woazu fia la ƒe subɔlawo." data/train/DAN/DAN_011_Verse_004.mp3,"Ame siwo ɖua nu le fia ƒe aƒe me la adze agbagba be yewoawui, woakplɔ eƒe aʋakɔwo adzoe eye ame geɖewo atsi aʋa." data/train/DAN/DAN_002_Verse_027.mp3,"Ke ne mielĩ drɔ̃e la eye mieɖe egɔme nam la, ekema miaxɔ nunanawo kple fetuwo kple bubudeameŋu gã aɖe tso gbɔnye.”" data/train/DAN/DAN_010_Verse_002.mp3,Asi aɖe ka ŋunye eye wòna mede asi dzodzo me nyanyanya le nye asiwo kple klowo dzi. data/train/DAN/DAN_006_Verse_011.mp3,"Esi fia la se nya sia la, ese veve ŋutɔ. Eɖo kplikpaa be yeaɖe Daniel eye wòdze agbagba ɖe sia ɖe be yeaɖee va se ɖe ɣe ɖo to." data/train/DAN/DAN_007_Verse_008.mp3,"“Esi menɔ dzoawo ŋu bum la, dzo bubu aɖe do ɖe nye ŋkume; dzo sue aɖe koe wònye do ɖe wo dome eye wòho dzo etɔ̃ le dzo gbãtɔwo dome le eŋgɔ. Ŋkuwo nɔ dzo sia ŋu abe amegbetɔ ƒe ŋkuwo ene eye nu si ƒoa nu adegbeƒotɔe hã nɔ eŋu." data/train/DAN/DAN_003_Verse_000.mp3,"Ale ame siawo, ame siwo do awu ʋlayawo, tablanuwo kple awu bubuwo la, wobla wo eye wokɔ wo ƒu gbe ɖo ɖe kpodzo si xɔ dzo ŋutɔŋutɔ la me." data/train/DAN/DAN_010_Verse_015.mp3,"Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, esi metsi tsitre ɖe tɔsisi gã, Tigris, to la," data/train/DAN/DAN_003_Verse_008.mp3,"Eya ta ne amewo nya se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, amewo katã, dukɔwo me tɔwo kple gbe ɖe sia ɖe gblɔlawo mlɔa anyi eye wodea ta agu na sikalegba si Fia Nebukadnezar li." data/train/DAN/DAN_011_Verse_039.mp3,"Ne wodze anyi la, woakpe ɖe wo ŋu vie eye ame geɖe siwo metoa nyateƒe o la aku ɖe wo ŋu." data/train/DAN/DAN_006_Verse_018.mp3,"Mlɔeba la, ame siawo gblɔ be, “Míate ŋu akpɔ nutsotso aɖeke le ame sia, Daniel ŋu o, negbe ne nya la ku ɖe eƒe Mawu ƒe se ŋuti ko!”" data/train/DAN/DAN_002_Verse_017.mp3,Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo Eyae ɖoa fiawo eye wòtua fiawo. Eyae naa nunya nunyalawo Eye wònaa gɔmesese nugɔmeselawo data/train/DAN/DAN_005_Verse_007.mp3,"Esi fia dada se fia la kple eƒe ame ŋkutawo ƒe nuƒoƒo la, ege ɖe kplɔ̃ɖoƒe la eye wògblɔ be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Mègana wò dzika natso o. Mègana wò mo nafu kpĩi alea o." data/train/DAN/DAN_007_Verse_019.mp3,"“Le esia megbe la, mekpɔ lã bubu wònɔ nye ŋkume. Lã sia ɖi lãkle. Aʋala ene nɔ dzime nɛ abe xevi ƒe aʋalawo ene. Lã la to ta ene eye wona ŋusẽe be wòaɖu fia." data/train/DAN/DAN_008_Verse_013.mp3,Eva agbo si to dzo eve si mekpɔ le tɔsisi la to la gbɔ eye wòlũ ɖe edzi kple dɔmedzoe helĩhelĩ. data/train/DAN/DAN_008_Verse_001.mp3,"Ana beble nakpɔ dzidzedze eye wòabu eɖokui gã wu ale si wòle. Ne amewo bu be yewole dedie la, awu wo dometɔ geɖewo eye wòatsi tsitre ɖe fiawo dzi Fia la ŋu. Ke woatsrɔ̃e gake menye to amegbetɔ ƒe ŋusẽ me o." data/train/DAN/DAN_001_Verse_014.mp3,"Ke dzikpɔla la gblɔ na Daniel be, “Mele vɔvɔ̃m na nye aƒetɔ kple fia la, ame si ɖo wò nuɖuɖu kple nunono nam. Nu ka ta wòakpɔ wò, wò lãme manyo abe wò hati ɖekakpui bubuawo tɔ ene o? Ekema fia la axɔ nye ta ɖe tawò.”" data/train/DAN/DAN_011_Verse_006.mp3,"Anyiehefia atrɔ ayi eƒe anyigba dzi kple kesinɔnu geɖewo gake eƒe dzi atsi tsitre ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu, agblẽ eme eye emegbe la, atrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi." data/train/DAN/DAN_007_Verse_006.mp3,"“Ena gɔmeɖeɖe siam. ‘Lã eneliae nye fiaɖuƒe enelia si ado ɖe anyigba dzi. Ato vovo tso fiaɖuƒe bubuawo katã gbɔ, aɖu anyigba blibo la dzi, atu afɔ edzi eye wòagbãe." data/train/DAN/DAN_008_Verse_014.mp3,"eye mese ame aɖe ƒe gbe tso Ulai tɔsisi la gbɔ wògblɔ be, “Gabriel, gblɔ ŋutega la ƒe gɔmeɖeɖe na ŋutsu sia.”" data/train/DAN/DAN_010_Verse_003.mp3,"Azɔ la, meva be maɖe nu si ava dzɔ ɖe wò amea dzi le etsɔ me la na wò elabena ŋutega la ku ɖe nu siwo le ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ la ŋuti.”" data/train/DAN/DAN_010_Verse_008.mp3,"Eyi edzi gblɔ be, “Daniel, mègavɔ̃ o. Tso ŋkeke gbãtɔ dzi esi nèɖo ta me be yease nu gɔme, abɔbɔ ye ɖokui ɖe yeƒe Mawu ƒe ŋkume la, wose wò gbedodoɖawo eye wò gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo tae meva ɖo." data/train/DAN/DAN_002_Verse_046.mp3,"wowɔ eƒe afɔwo kple gayibɔ eye wowɔ eƒe afɔwo ƒe akpa aɖewo kple gayibɔ, akpa aɖewo kple tsu." data/train/DAN/DAN_012_Verse_008.mp3,"Tete nye, Daniel, mefɔ mo dzi eye, kpɔ ɖa, ame bubu eve le tsitre ɖe nye ŋkume, ɖeka le tɔsisi la ƒe go sia dzi eye evelia le go kemɛ dzi." data/train/DAN/DAN_005_Verse_009.mp3,"Esime Belsazar nɔ eƒe wain nom la, eɖe gbe be woatsɔ sikanu kple klosalonu siwo fofoa, Nebukadnezar lɔ tso Yerusalem gbedoxɔ me la vɛ ale be fia la, eƒe ame ŋkutawo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãviwo nano wain le wo me." data/train/DAN/DAN_006_Verse_022.mp3,"Tete ameawo yi fia la gbɔ le ha me eye wogblɔ nɛ be, “Ɖo ŋku edzi, O fia, be le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se nu la, womate ŋu atrɔ se aɖeke si fia de la o.”" data/train/DAN/DAN_004_Verse_018.mp3,Ke na eƒe takpo la kple eƒe kewo nanɔ babla kple gayibɔ kple akɔbli eye wòanɔ tome le gbe siwo le gbedzi la dome. “ ‘Na dziƒozãmu naƒoe eye nàna wòanɔ agbe kple lãwo le anyigba la ƒe nu miemiewo dome. data/train/DAN/DAN_011_Verse_020.mp3,"elabena, Kitimtɔwo ƒe ʋuwo atsi tsitre ɖe eŋu eye dzi aɖe le eƒo. Ekema atrɔ, aɖe dziku ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu. Atrɔ agbɔ ava ve ame siwo gbe nu le nubabla kɔkɔe la gbɔ la nu." data/train/DAN/DAN_007_Verse_011.mp3,"“Gbãtɔ le abe dzata ene eye wòto hɔ̃ ƒe aʋala. Melé ŋku ɖe eŋu va se ɖe esime wotu aʋala la ɖa le eŋu, wokɔe tso anyigba, ale be wòtsi tsitre ɖe afɔ eve dzi abe amegbetɔ ene eye wotsɔ amegbetɔ ƒe dzi nɛ." data/train/DAN/DAN_004_Verse_011.mp3,"Esime akunyawɔlawo, dzosalawo, ɣletivimenunyalawo kple bokɔwo va la, melĩ drɔ̃e la na wo, ke womete ŋu ɖe egɔme nam o." data/train/DAN/DAN_011_Verse_016.mp3,"Dziehefia ayɔ fũu kple dada nenye be woɖe aboyo Anyiehefia ƒe aʋakɔwo eye woawu ame akpewo gake maɖu dzi ɖaa o," data/train/DAN/DAN_011_Verse_025.mp3,"eye woatsɔ amenublenyawo agblẽ ame siwo da le nubabla la dzi, ke ame siwo nya woƒe Mawu la anɔ te, atsi tsitre ɖe eŋu ade goe." data/train/DAN/DAN_005_Verse_013.mp3,"Fia la na woyɔ eƒe bokɔwo, ɣletivimenunyalawo kple dzotɔwo vɛ. Tete fia la gblɔ na Babilonia nunyala siawo be, “Ame si axlẽ nuŋɔŋlɔ sia eye wòaɖe egɔme nam la, woado aɖabɛwu nɛ, woade sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ eye woana wòazu dziɖula ŋusẽtɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.”" data/train/DAN/DAN_003_Verse_012.mp3,"Fia la bia wo be, “Nyateƒe wònye, Sadrak, Mesak kple Abednego, be miesubɔa nye mawuwo o eye miedea ta agu na sikalegba si meli la o mahã?" data/train/DAN/DAN_010_Verse_018.mp3,"Nye Aƒetɔ, aleke nye wò dɔla, mate ŋu aƒo nu kpli wòe? Ŋusẽ vɔ le ŋunye eye gbɔgbɔtsixe hã tsi ƒonye.”" data/train/DAN/DAN_002_Verse_030.mp3,"Le nuwuwu la, fiaɖuƒe enelia ava, si asẽ abe gayibɔ ene elabena gayibɔ gbãa nu sia nu eye abe ale si gayibɔ gbãa nu sia nu gudugudu ene la, nenemae wòagbã fiaɖuƒe bubuawoe." data/train/DAN/DAN_008_Verse_024.mp3,"Tete mese ame kɔkɔe aɖe wònɔ nu ƒom eye ame kɔkɔe bubu gblɔ nɛ be “Va se ɖe ɣe ka ɣi hafi ŋutega sia nava eme, ŋutega si ku ɖe gbe sia gbe ƒe vɔsa, aglãdzedze si hea gbegblẽ vɛ kple asiɖeɖe le kɔkɔeƒe la ŋu kple dɔla si dzi woanye avuzi le?”" data/train/DAN/DAN_008_Verse_003.mp3,"Dzo bubu to tso dzoawo dometɔ ɖeka me. Dzo sia nɔ sue gake eva tsi le ŋusẽ me yi ɖe dziehe godo, va ɣedzeƒe, do ɖe Anyigba Nyui la gbɔ ke." data/train/DAN/DAN_004_Verse_013.mp3,"Eƒe aŋugbawo nya kpɔ ŋutɔ, eƒe kutsetsewo sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ eye nuɖuɖu le edzi na ame sia ame. Dziƒoxeviwo nɔ eƒe alɔwo dzi. Nu gbagbe ɖe sia ɖe kpɔa nuɖuɖu tsoa egbɔ." data/train/DAN/DAN_012_Verse_012.mp3,"Woayra ame si do dzi, eye wònɔ te va se ɖe ŋkeke akpe ɖeka, alafa etɔ̃ blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (1,335) ƒe nuwuwu." data/train/DAN/DAN_003_Verse_001.mp3,"Ale amegãwo, dziɖulawo, aɖaŋudelawo gadzikpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, sefialawo kple nutomedzikpɔlawo va ƒo ƒu hena legba si Fia Nebukadnezar li la ŋuti kɔkɔ teƒe kpɔkpɔ, eye wotsi tsitre ɖe eŋgɔ." data/train/DAN/DAN_003_Verse_022.mp3,"Nebukadnezar do dɔmedzoe ŋutɔ eye wòɖo du ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego. Ale wokplɔ ame siawo va fia la ŋkume." data/train/DAN/DAN_003_Verse_010.mp3,"eye amegãwo, anyigbadzinunɔlawo, aʋafiawo kple aɖaŋudelawo va ƒo xlã wo. Wokpɔ be dzo la mewɔ nuvevi aɖeke woƒe ŋutilã o, dzo la mefia woƒe taɖa ɖeka pɛ hã loo alo woƒe awuwo o. Gawu la, dzo la ƒe ʋeʋẽ menɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o." data/train/DAN/DAN_011_Verse_028.mp3,"Fia eveawo, ame siwo ɖo nu vɔ̃ɖi kplikpaa ɖe woƒe dzi me la anɔ kplɔ̃ ɖeka ŋu, agblɔ alakpanyawo na wo nɔewo gake madze edzi o, elabena nuwuwu ava le ɣeyiɣi si woɖo la dzi." data/train/DAN/DAN_011_Verse_044.mp3,"“Tete Dziehefia atsɔ dziku helĩhelĩ awɔ aʋa kple Anyiehefia, ame si ava kple aʋakɔ gã aɖe gake woaɖu edzi." data/train/DAN/DAN_003_Verse_009.mp3,"eye ame sia ame si mamlɔ anyi ade ta agu o la, woadae ɖe kpodzo si me dzo le bibim le la me." data/train/DAN/DAN_011_Verse_036.mp3,"Made bubu aɖeke fofoawo ƒe mawuwo, ame siwo nyɔnuwo dina vevie loo alo ade bubu mawu bubu aɖeke ŋu o, ke boŋ akɔ eɖokui ɖe dzi wu wo katã." data/train/DAN/DAN_006_Verse_026.mp3,"Tete wogblɔ na fia la be, “O fia, Daniel, ame si nye aboyome siwo tso Yuda la dometɔ ɖeka la metsɔa ɖeke le eme na wò alo lé se si nèna woŋlɔ la me ɖe asi o. Egadoa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe kokoko.”" data/train/DAN/DAN_003_Verse_023.mp3,"Sadrak, Mesak kple Abednego ɖo eŋu na fia la be, “O fia, mehiã be míaʋli mía ɖokuiwo ta le wò ŋkume le nya sia me o." data/train/DAN/DAN_010_Verse_020.mp3,"Nyemeɖu nu nyui aɖeke o, lã kple wain meka nu nam o eye nyemesi ami aɖeke kura o va se ɖe esime kɔsiɖa etɔ̃ la wu enu." data/train/DAN/DAN_005_Verse_006.mp3,"Enyae le amegbetɔwo dome eye wotsɔ gbemelã ƒe susu nɛ. Enɔ gbetedziwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, dziƒozãmu dza ɖe edzi eye wònya be Mawu, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa ame si dze eŋu la ɖoa wo nu." data/train/DAN/DAN_010_Verse_019.mp3,"Nye, Daniel koe nye ame si kpɔ ŋutega la; ame siwo nɔ gbɔnye la mekpɔe o, gake vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe be wosi ɖaɣla wo ɖokuiwo." data/train/DAN/DAN_004_Verse_031.mp3,"“O fia, esiae nye drɔ̃e la ƒe gɔmeɖeɖe eye wònye ɖoɖo si Dziƒoʋĩtɔ la wɔ ɖe wò, nye aƒetɔ kple fia ŋuti." data/train/DAN/DAN_003_Verse_007.mp3,"eya ta mele se dem be dukɔ sia dukɔ me tɔ alo gbe aɖe gblɔla si agblɔ nya vɔ̃ aɖe ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe Mawu ŋu la, woaflii kakɛkakɛ eye woana eƒe aƒe nazu aɖukpo elabena mawu bubu aɖeke mate ŋu aɖe ame le mɔ sia nu o.”" data/train/DAN/DAN_001_Verse_017.mp3,"Le ŋkeke ewo megbe la, Yuda ɖekakpuiawo dze lãmesesẽtɔwo kple ame siwo ɖu nu nyuiwo wu ame siwo ɖu fia la ƒe nuɖuɖu." data/train/DAN/DAN_008_Verse_011.mp3,"Esime wònɔ nu ƒom nam la, menɔ alɔ̃ me ʋĩi eye metsyɔ mo anyi. Eka asi ŋunye eye wòfɔm ɖe tsitre." data/train/DAN/DAN_002_Verse_022.mp3,"Fia la ɖo eŋu na ɣletivimenunyalawo be, “Nu si meɖo ta me kplikpaa be mawɔe nye, ne mielĩ drɔ̃e la nam eye mieɖe egɔme nam o la, mana woafli mi kakɛkakɛ eye miaƒe aƒewo azu aɖukpo." data/train/DAN/DAN_006_Verse_012.mp3,"Esi wòte ɖe do la ŋu la, eyɔ Daniel kple nublanuigbe be, “Daniel, Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu si nèsubɔna atraɖii la te ŋu ɖe wò tso dzatawo ƒe asi mea?”" data/train/DAN/DAN_010_Verse_012.mp3,"Ke esi megbɔna la, Persia fiaɖuƒe la ƒe dziɖula nɔ te, wɔ aʋa kplim ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛ sɔŋ. Tete Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã ɖeka va kpe ɖe ŋunye elabena wozi dzinye ɖe Persia fia gbɔ le afi ma." data/train/DAN/DAN_011_Verse_015.mp3,“Dziehefia akpɔ ŋusẽ ɖe edzi gake eƒe aʋafiawo dometɔ ɖeka akpɔ ŋusẽ wui gɔ̃ hã eye wòaɖu fia ɖe eya ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe dzi kple ŋusẽ triakɔ. data/train/DAN/DAN_010_Verse_001.mp3,"Ale wògblɔ nam be, “Ènya nu si ta meva gbɔwò ɖoa? Esusɔ vie matrɔ aɖawɔ avu kple Persia ƒe dziɖula eye ne medzo la, Grik ƒe dziɖula ava," data/train/DAN/DAN_004_Verse_017.mp3,"Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi." data/train/DAN/DAN_012_Verse_009.mp3,"“Tso esime wotsi gbe sia gbe ƒe vɔsawo nu, eye woɖo ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ te la, anye ŋkeke akpe ɖeka, alafa eve blaasiekɛ (1,290)." data/train/DAN/DAN_005_Verse_027.mp3,Tete amegbetɔ ƒe asibidɛ dze eye wòŋlɔ nu ɖe gli si ŋu wosi akalo ɖo la eye wòte ɖe akaɖiti si le fiasã la me ŋu. Fia la lé ŋku ɖe asibidɛ la ŋu esi wònɔ nua ŋlɔm. data/train/DAN/DAN_006_Verse_014.mp3,eye wòtsɔ amegã etɔ̃ ɖo wo nu. Ame siawo dometɔ ɖekae nye Daniel. Dziɖulawo ana akɔnta amegãwo ale be fia la mabu naneke o. data/train/DAN/DAN_011_Verse_026.mp3,“Eƒe asrafowo atsi tsitre ava gblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la ƒe mɔ sesẽ la eye woaɖe gbe sia gbe vɔsawo ɖa. Emegbe woaɖo ŋunyɔnu si he gbegblẽ vɛ la anyi data/train/DAN/DAN_011_Verse_007.mp3,"Anyigbemeʋakɔwo awɔ nu si adze wo ŋu, ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe wo ŋu o. Ava ɖo eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Anyigba Nyui la dzi eye ŋusẽ anɔ esi be wòagblẽ nu." data/train/DAN/DAN_012_Verse_007.mp3,Nunyalawo aklẽ abe dziƒoŋunuwo ene eye ame siwo fiaa dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ ame geɖewo la hã aklẽ abe ɣletiviwo ene tegbetegbe. data/train/DAN/DAN_011_Verse_019.mp3,"elabena Anyiehefia agbugbɔ aƒo aʋakɔ gã bubu nu ƒu si alolo wu gbãtɔ eye le ƒe geɖe megbe la, aho aʋa kple aʋakɔ gã si dzra ɖo nyuie." data/train/DAN/DAN_001_Verse_015.mp3,"Le nunya kple gɔmesese ƒe nya ɖe sia ɖe gome, esi ŋu fia la abia nya wo le la, ekpɔna be wonyo zi ewo wu yeƒe fiaɖuƒea me tɔwo ƒe akunyawɔlawo kple bokɔwo katã." data/train/DAN/DAN_002_Verse_012.mp3,"“Esi nèmlɔ anyi la, O fia, wò susu trɔ ɖe nu siwo ava dzɔ la ŋu eye ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiam la ɖe nu siwo ava dzɔ la fia wò." data/train/DAN/DAN_007_Verse_000.mp3,"Aƒo nu atsi tsitre ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, ate eƒe ame kɔkɔeawo ɖe to eye wòate kpɔ be yeatrɔ ɣeyiɣi ɖoɖowo kple sewo. Woatsɔ ame kɔkɔeawo ade asi nɛ ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã." data/train/DAN/DAN_012_Verse_006.mp3,"Mesee gake nyemese egɔme o. Ale mebiae be, “Nye Aƒetɔ, nu ka anye nu siawo ƒe metsonu?”" data/train/DAN/DAN_005_Verse_001.mp3,"Ale wokplɔ Daniel va fia la ŋkume eye fia la biae be, “Wòe nye Daniel, aboyome siwo fofonye, fia la kplɔ vɛ tso Yuda la dometɔ ɖeka?" data/train/DAN/DAN_004_Verse_006.mp3,"egblɔ be, “Ɖe menye esiae nye Babilonia gã si metu abe nye fia la ƒe nɔƒe to nye ŋusẽ triakɔ kple nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe me ene oa?”" data/train/DAN/DAN_007_Verse_022.mp3,Mete ɖe ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka ŋu eye mebia nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖe nyuitɔ tso egbɔ. “Ale wògblɔe nam eye wòna nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖem. data/train/DAN/DAN_012_Verse_002.mp3,"Eɖo eŋu nam be, “Daniel, heyi elabena wowu nyawo nu eye wotre wo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo." data/train/DAN/DAN_010_Verse_014.mp3,"Le ɣe ma ɣi me la, nye Daniel, mexa nu kɔsiɖa etɔ̃." data/train/DAN/DAN_011_Verse_031.mp3,“Ke ame ado tso eƒe ƒome me axɔ ɖe eteƒe. Aho aʋa ɖe Anyiehefia ƒe aʋakɔwo ŋu eye wòage ɖe eƒe mɔ sesẽ la me awɔ aʋa kpli wo eye wòaɖu wo dzi. data/train/DAN/DAN_010_Verse_007.mp3,"Esi wònɔ esiawo gblɔm nam la, metsyɔ mo anyi eye nye nu ku." data/train/DAN/DAN_002_Verse_005.mp3,"Ariɔk kplɔ Daniel yi fia la gbɔ enumake, eye wògblɔ nɛ be, “Mekpɔ ame aɖe le aboyo me si tso Yudatɔwo dome, ame si ate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme na fia la!”" data/train/DAN/DAN_012_Verse_010.mp3,"Wo dometɔ ɖeka gblɔ na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye wòle tsitre ɖe tɔsisi la tame be, “Va sa ɖe ɣe ka ɣi hafi nu manyatalenu siawo ava eme?”" data/train/DAN/DAN_005_Verse_004.mp3,"Azɔ la, mese be àte ŋu aɖe nuwo gɔme eye nènya ta na nyadzɔdzɔ sesẽwo. Ne àte ŋu axlẽ nuŋɔŋlɔ la eye nàɖe egɔme nam la, woado aɖabɛwu na wò, woade sikakɔsɔkɔsɔ kɔ na wò eye woana nàzu dziɖula gãtɔ etɔ̃lia le nye fiaɖuƒe la me.”" data/train/DAN/DAN_006_Verse_025.mp3,Tete fia la trɔ yi eƒe fiasã me. Meɖu nu fiẽ ma o eye womewɔ dzidzɔdonamenu aɖeke hã nɛ o. Mete ŋu dɔ alɔ̃ o. data/train/DAN/DAN_002_Verse_043.mp3,Tete Nebukadnezar tsyɔ mo anyi hede ta agu na Daniel eye wòɖe gbe be woasa vɔ eye woado dzudzɔ ʋeʋĩ na Daniel. data/train/DAN/DAN_005_Verse_028.mp3,"Tete Daniel ɖo eŋu na fia la be, “Àte ŋu atsɔ wò nunana siwo ŋugbe nèdo la na ɖokuiwò eye nàtsɔ wò fetuwo ana ame bubu aɖe faa. Ke maxlẽ nuŋɔŋlɔ la na fia la eye maɖe egɔme nɛ." data/train/DAN/DAN_009_Verse_000.mp3,"Abe ale si woŋlɔ ɖe Mose ƒe sewo me ene la, dzɔgbevɔ̃e sia katã dzɔ ɖe mía dzi, míedi Yehowa, mía Mawu la ƒe amenuveve to asiɖeɖe le míaƒe nu vɔ̃wo ŋu kple ŋkuléle ɖe wò nyateƒe la ŋu me o." data/train/DAN/DAN_007_Verse_004.mp3,"Dzotɔsisi aɖe nɔ sisim le eŋgɔ. Ame akpe akpewo nɔ esubɔm, ame akpe ewo teƒe akpe ewo nɔ tsitre ɖe eŋgɔ. Ʋɔnu la ɖi anyi eye woke agbalẽawo." data/train/DAN/DAN_005_Verse_030.mp3,Wokplɔ nunyalawo kple dzosalawo va nye ŋkume be woaxlẽ nuŋɔŋlɔ la eye woaɖe egɔme nam gake womete ŋu ɖe egɔme nam o. data/train/DAN/DAN_010_Verse_017.mp3,Nu si ɖi amegbetɔ la gaka asi ŋunye eye wòna ŋusẽ gaɖo ŋunye. data/train/DAN/DAN_007_Verse_018.mp3,"“Le esia hã megbe la, megakpɔ lã enelia le nye ŋutega la me le zã me wònɔ nye ŋkume; ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ nɔ eŋu eye wòsẽ ŋu ŋutɔ. Gaɖu titriwo nɔ nu me nɛ. Evuvua lã, ɖunɛ eye wòtua afɔ esi susɔ la dzi. Eto vovo tso lã kemɛawo gbɔ eye wòto dzo ewo." data/train/DAN/DAN_011_Verse_017.mp3,"Ekema Anyiehefia ava ƒu kpo ɖe du la ŋu eye wòaxɔ du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe. Ŋusẽ manɔ Dzieheʋakɔwo ŋu be woaʋli o, eye woƒe kalẽtɔwo gɔ̃ hã maɖo ŋusẽ be woanɔ te o." data/train/DAN/DAN_002_Verse_040.mp3,"Tete fia la tsɔ Daniel da ɖe ɖoƒe kɔkɔ aɖe eye wòtsɔ nunana geɖewo nɛ. Etsɔe ɖo Babilonia nuto la katã me nu, eye wòna wòzu Babilonia nunyalawo katã ƒe tatɔ." data/train/DAN/DAN_006_Verse_010.mp3,"Esi Daniel se be woŋlɔ se la kaka la, eyi ɖe eƒe aƒe me, ge ɖe eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòʋu fesrẽ siwo woʋuna dona ɖe Yerusalem gbɔ la da ɖi. Edzea klo, doa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe, daa akpe na eƒe Mawu abe ale si wòwɔna tsã ene." data/train/DAN/DAN_002_Verse_000.mp3,"Abe ale si nèkpɔe be wowɔ afɔwo kple afɔbidɛwo ƒe akpa aɖewo kple tsu kple gayibɔ ene la, nenemae fiaɖuƒe sia amae, ke gayibɔ ƒe ŋusẽ aɖe anɔ eme abe ale si nèkpɔ wotsaka gayibɔ kple tsu ene. Ale fiaɖuƒe la ƒe akpa aɖe asẽ eye akpa aɖe masẽ o." data/train/DAN/DAN_002_Verse_034.mp3,"Ne mielĩ drɔ̃e la nam o la, tohehe ɖeka pɛ koe li na mi. Mieɖo ta me ɖeka be yewoagblɔ nya tramawo kple nya tso nu vɔ̃ɖiwo ŋuti kple mɔkpɔkpɔ be nuwo atrɔ, eya ta azɔ la, milĩ drɔ̃e la nam, ekema manya be miate ŋu aɖe egɔme nam.”" data/train/DAN/DAN_007_Verse_016.mp3,‘Lã gã eneawoe nye fiaɖuƒe ene siwo ava dzɔ tso anyigba dzi. data/train/DAN/DAN_002_Verse_008.mp3,“Drɔ̃e lae nye si. Azɔ la míaɖe egɔme na fia la. data/train/DAN/DAN_012_Verse_003.mp3,"Ke wò, Daniel, dzra nya siawo ɖo eye nàtre lãgbalẽgbalẽ la me nyawo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo. Ame geɖewo ayi afii kple afi mɛ be yewoadzi yewoƒe nunya ɖe edzi.”" data/train/DAN/DAN_006_Verse_023.mp3,"Tete Fia Darius ŋlɔ agbalẽ na eƒe amewo katã, dukɔwo kple ame siwo tso gbegbɔgblɔwo katã me le anyigba la dzi la be, “Eme nenyo na mi ŋutɔŋutɔ!”" data/train/DAN/DAN_002_Verse_044.mp3,"Tete ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ le Aramgbe me be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Lĩ drɔ̃e la na wò subɔlawo, eye míaɖe egɔme.”" data/train/DAN/DAN_012_Verse_000.mp3,"Ame gbogbo siwo le alɔ̃ dɔm le anyigba ƒe tume la anyɔ, ɖewo na agbe mavɔ, eye bubuawo na ŋukpe kple vlododo mavɔ." data/train/DAN/DAN_008_Verse_009.mp3,"Esi wògogo afi si metsi tsitre ɖo la, vɔvɔ̃ ɖom eye metsyɔ mo anyi. Egblɔ nam be, “Ame vi, se egɔme be ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ŋu.”" data/train/DAN/DAN_011_Verse_012.mp3,"Axɔ woƒe mawuwo le wo si, woƒe gayibɔlegbawo kple woƒe nu vevi siwo nye klosalo kple sika eye wòatsɔ wo adzoe ayi Egipte. Ana gbɔdzɔe Anyiehefia ƒe aɖewo." data/train/DAN/DAN_004_Verse_035.mp3,"Woanya wò do goe le amewo dome eye nànɔ lã wɔadãwo dome; àɖu gbe abe nyi ene. Fe adre ava yi na wò va se ɖe esime nànyae be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi, eye wòtsɔa wo naa ame si wòdi be yeatsɔ wo ana la.”" data/train/DAN/DAN_011_Verse_002.mp3,Akplɔ aʋakɔ gã si gbagbã ɖe anyi la adzoe eye wòatsrɔ̃ aʋakɔ la kple nubabla la ƒe amegã siaa. data/train/DAN/DAN_011_Verse_029.mp3,“Fia la awɔ nu si adze eŋu. Ado eɖokui ɖe dzi eye wòawɔ eɖokui gãe wu mawu ɖe sia ɖe ale be wòagblɔ nya masekpɔwo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋuti. Nuwo adze edzi nɛ va se ɖe dziku ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu elabena ele be woawu nu si woɖo ɖi la nu. data/train/DAN/DAN_011_Verse_024.mp3,"Esia megbe la, atrɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba ƒe mɔ sesẽwo ŋu gake akli nu adze anyi eye womagakpɔe akpɔ o." data/train/DAN/DAN_004_Verse_004.mp3,“ ‘Dɔla kɔkɔewo ɖe gbeƒã nyametsotso sia ale be ame nɔagbewo nanya be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa wo katã naa ame sia ame si wòlɔ̃ eye wòtsɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la ɖoa wo nu.’ data/train/DAN/DAN_002_Verse_009.mp3,"Ebia amegã la be, “Nu ka ta fia la de se sesẽ sia ɖo?” Tete Ariɔk ɖe nya la me na Daniel." data/train/DAN/DAN_007_Verse_005.mp3,"Ekema woatsɔ dziɖuɖu, ŋusẽ kple fiaɖuƒewo ƒe gãnyenye le dziƒo blibo la ana ame kɔkɔeawo, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe amewo. Eƒe fiaɖuƒe la anye fiaɖuƒe mavɔ, dziɖulawo katã asubɔe eye woaɖo toe.’" data/train/DAN/DAN_003_Verse_002.mp3,"Ame sia ame si mamlɔ anyi eye wòade ta agu o la, woadae ɖe kpodzo bibi la me enumake.”" data/train/DAN/DAN_011_Verse_011.mp3,Ava dze mɔ sesẽtɔwo kekeakewo dzi to dzromawu aɖe ƒe kpekpeɖeŋu me eye wòade bubu gã aɖe ame siwo xɔe la ŋuti. Atsɔ wo aɖo amegãwoe ɖe ame geɖewo nu eye wòama anyigba la na wo woaxe fe ɖe eta. data/train/DAN/DAN_004_Verse_000.mp3,Ale meɖe gbe be woakplɔ nunyala siwo katã le Babilonia la vɛ be woaɖe drɔ̃e la gɔme nam. data/train/DAN/DAN_002_Verse_048.mp3,"Ɣletivimenunyalawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame aɖeke mele anyigba dzi si ate ŋu awɔ nu si fia la bia o! Nenema ke fia gã, ŋusẽtɔ aɖeke meli si bia nu sia tso eƒe dzotɔwo, bokɔwo kple ɣletivimenunyalawo si kpɔ o." data/train/DAN/DAN_004_Verse_005.mp3,"Edo ɣli kple gbe sesẽ aɖe be, ‘Tso ati la ƒu anyi, lã eƒe ɖɔwo ɖa eye nàkaka eƒe kutsetsewo ahlẽ. Na gbemelãwo nasi le ete eye nàna dziƒoxeviwo nadzo adzo le eƒe alɔwo dzi." data/train/DAN/DAN_011_Verse_038.mp3,"“Ne eƒe nuwuwu ɖo vɔ la, Dziehefia akpe aʋa kplii eye Anyiehefia ava kpee kple tasiaɖamwo, sɔdosrafowo kple tɔdziʋumesrafowo ƒe ha gã aɖe. Ava dze dukɔ geɖewo dzi eye wòazɔ wo dzi abe tsiɖɔɖɔ ene." data/train/DAN/DAN_009_Verse_022.mp3,"O Aƒetɔ, le wò nu dzɔdzɔewo katã wɔwɔ me la, na wò dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ naɖe ɖa le Yerusalem, wò du kple wò to kɔkɔe la ŋu. Míaƒe nu vɔ̃wo kple mía fofowo ƒe dzidadawo na Yerusalem kple wò amewo zu fewuɖunu na ame siwo katã ƒo xlã mí." data/train/DAN/DAN_007_Verse_007.mp3,"Esi melé ŋku ɖe eŋu la, dzo sia nɔ aʋa wɔm kple ame kɔkɔeawo eye wònɔ wo dzi ɖum." data/train/DAN/DAN_007_Verse_015.mp3,Lã gã ene siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ la do go tso atsiaƒu la me. data/train/DAN/DAN_002_Verse_028.mp3,"“Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee." data/train/DAN/DAN_002_Verse_016.mp3,Eyae ɖea nu detowo kple nu ɣaɣlawo fiana Enyaa nu si ɣla ɖe viviti me Eye kekeli nɔa eŋu. data/train/DAN/DAN_011_Verse_035.mp3,"Le ƒe aɖewo megbe la, woanyi dzo. Dziehefia ƒe vinyɔnu ayi ɖe Anyiehefia gbɔ be yeado ka kplii gake ŋusẽ avɔ le esi eye fia la ŋutɔ kple eƒe ŋusẽ hã nu atso. Le ŋkeke mawo me la, woakplɔ fiavinyɔnu la, eŋumewo, fofoa kple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃wo katã ade asi." data/train/DAN/DAN_010_Verse_010.mp3,"gake gbã la, magblɔ nu si woŋlɔ ɖe Nyateƒegbalẽ la me. Ame aɖeke mekpe ɖe ŋunye le avuwɔwɔ kpli wo me o, negbe Amegã Mikael." data/train/DAN/DAN_005_Verse_003.mp3,"Ame aɖe le wò fiaɖuƒe la me, ame si me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la, wokpɔe be sidzedze, gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo tɔwo ene. Fia Nebukadnezar, fofowò, fia la tsɔe ɖo bokɔwo, akunyawɔlawo, ɣletivimenunyalawo kple dzosalawo nu." data/train/DAN/DAN_011_Verse_001.mp3,"Akeke ɖe Egipte ƒe sika, klosalo kple kesinɔnu veviwo nu eye Libiatɔwo kple Kustɔwo hã ana ta" data/train/DAN/DAN_008_Verse_025.mp3,“Ŋutega si wona nèkpɔ tso fiẽ kple ŋdi ŋu la nye nyateƒe gake dzra ŋutega la ɖo ɖe wò dzi me elabena eku ɖe ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.” data/train/DAN/DAN_003_Verse_019.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, ɣletivimenunyala aɖewo va tso Yudatɔwo nu." data/train/DAN/DAN_002_Verse_011.mp3,"egblɔ na wo be, “Meku drɔ̃e aɖe si le fu ɖem nam eye medi be mase egɔme.”" data/train/DAN/DAN_007_Verse_003.mp3,"Dzo ewoawo nye fia ewo siwo ado tso fiaɖuƒe sia me. Le woawo yome la, fia bubu aɖe ava, ato vovo tso esiwo do ŋgɔ nɛ la gbɔ eye wòaɖu fia etɔ̃ dzi." data/train/DAN/DAN_011_Verse_003.mp3,"“Ame si axɔ ɖe eteƒe la ana dugadzɔlawo natsa adzɔ ga be woalé fiaɖuƒe la ƒe atsyɔ̃ ɖe te. Ke le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, woatsrɔ̃e, ke menye le dziku me loo alo le aʋagbedzi o." data/train/DAN/DAN_003_Verse_011.mp3,"Eɖe gbe na eƒe asrafo sesẽtɔwo le eƒe aʋakɔ me be woabla Sadrak, Mesak kple Abednego eye woada wo ɖe kpodzo la me." data/train/DAN/DAN_001_Verse_021.mp3,"ɖekakpui siwo menye nuwɔamitɔwo le go aɖeke me o, wodze ɖeka, woɖi ame siwo dina be yewoasrɔ̃ nu tso nu sia nu ŋu, wonya nu, sea nu gɔme kabakaba eye wodze na dɔwɔwɔ le fiasã la me. Ele nɛ be wòafia Babiloniatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ kple nuŋɔŋlɔ wo." data/train/DAN/DAN_007_Verse_002.mp3,"Daniel gblɔ be, “Le nye ŋutega me la, mekpɔ be dziƒo ƒe ya eneawo nɔ nye ŋkume eye wonɔ atsiaƒu gã la nyamam." data/train/DAN/DAN_010_Verse_006.mp3,"Egblɔ nam be, “Mègavɔ̃ o, O, wò ame si ŋu wode asixɔxɔ gã aɖee. Ŋutifafa na wò! Ŋusẽ neɖo ŋuwò azɔ. Xɔ ŋusẽ.” Esi wònɔ nu ƒom nam la, ŋusẽ ɖo ŋunye eye megblɔ be, “Nye Aƒetɔ, ƒo nu le esi nèna ŋusẽm ta.”" data/train/DAN/DAN_006_Verse_013.mp3,"Esia ta amegãwo kple dziɖulawo di mɔnuwo be woatsɔ nya ɖe eŋu le eƒe dzikpɔdɔwo wɔwɔ me gake womete ŋui o. Womete ŋu kpɔ nu gbegblẽ aɖeke le eŋu o, eya ta enye ame si dzi woaka ɖo, elabena gbegblẽ menɔ eme o, eye megblẽa dɔ ɖi hã o." data/train/DAN/DAN_002_Verse_021.mp3,"Fia la gblɔ na Daniel be, “Nyateƒee, miaƒe Mawu la nye mawuwo dzi Mawu kple fiawo ƒe Aƒetɔ kple ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiana elabena ète ŋu ɖe nya ɣaɣla la fia.”" data/train/DAN/DAN_007_Verse_009.mp3,"“Esi menɔ ŋku lém ɖe eŋu la, “woɖo fiazikpuiwo woƒe nɔƒewo. Tete Blema Mawu va nɔ eƒe nɔƒe. Eƒe awu fu tititi abe sno ene eye eƒe taɖa fu abe ɖetifu ene. Eƒe fiazikpui nɔ bibim kple dzo." data/train/DAN/DAN_008_Verse_007.mp3,"Egblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mele nu si ava dzɔ emegbe le dɔmedzoe ƒe ɣeyiɣi me la gblɔ ge na wò elabena ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖo la ŋu." data/train/DAN/DAN_003_Verse_016.mp3,"Ke ame etɔ̃ siawo, ame siwo wobla sesĩe la, ge dze dzo bibi la me." data/train/DAN/DAN_011_Verse_040.mp3,"Ne wonyi dzo kplii vɔ la, awɔ nu ayetɔe eye wòato ame ʋɛ siwo susɔ la dzi ava zi dzi." data/train/DAN/DAN_006_Verse_005.mp3,"Azɔ la, Daniel ɖe eɖokui fia le amegãwo kple dziɖulawo dome kple eƒe ŋutete tɔxɛwo ale gbegbe be fia la ɖo be yeatsɔe aɖo fiaɖuƒe blibo la nu." data/train/DAN/DAN_011_Verse_023.mp3,"Emegbe la, atrɔ ɖe ƒutaduwo ŋu eye wòaxɔ geɖeawo gake aʋafia aɖe ado si aɖo asi eƒe aglãdzedze la dzi eye wòatrɔ ɖe eya ŋutɔ ŋu." data/train/DAN/DAN_002_Verse_010.mp3,Edo ŋusẽ xɔlɔ̃awo be woaɖe kuku na Mawu si le dziƒo be wòakpɔ nublanui na yewo le nya ɣaɣla sia ŋu ale be womawu ye kple ye xɔlɔ̃wo kpe ɖe Babilonia nunyala bubuawo ŋu o. data/train/DAN/DAN_008_Verse_015.mp3,Gbɔ̃tsu la nye Grik fia eye dzo titri si nɔ eƒe ŋkuwo dome lae nye fia gbãtɔ. data/train/DAN/DAN_011_Verse_027.mp3,Eƒe ŋusẽ akeke ɖe dukɔ geɖewo dzi. Egiptenyigba hã mato le eme o. data/train/DAN/DAN_007_Verse_023.mp3,“Meyi ŋkuléle ɖe nuwo ŋu dzi le adegbeƒonya siwo lãdzo la nɔ gbɔgblɔm la ta. Meyi nukpɔkpɔ dzi va se ɖe esime wowu lã la eye wotsɔ eƒe ŋutilã kukua ƒu gbe ɖe dzo bibi la me. data/train/DAN/DAN_007_Verse_026.mp3,Va se ɖe esime Blema Mawu la va eye wòtso afia na Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔeawo eye ɣeyiɣia de be fiaɖuƒe la nazu wo tɔ. data/train/DAN/DAN_011_Verse_018.mp3,"Ekema ne nuto si si nunɔamesiwo le fũu la kpɔ be wole dedie la, ava dze wo dzi le vo me eye nu si fofoawo alo tɔgbuiawo mete ŋu wɔ o la, eya awɔe. Ama nuhaha, afunyinuwo kple kesinɔnuwo na eyomedzelawo. Aɖo ta me ɖe mɔ sesẽwo gbagbã ŋu ɣeyiɣi kpui aɖe." data/train/DAN/DAN_002_Verse_007.mp3,"Daniel ɖo eŋu be, “Nunyala alo bokɔ, dzotɔ alo ɣletivimenunyala aɖeke mate ŋu aɖe nya ɣaɣla si gɔme nèbia be woaɖe na ye la gɔme o" data/train/DAN/DAN_004_Verse_020.mp3,"“Le ŋutega siwo mekpɔ esi memlɔ nye aba dzi me la, mekpɔ nu, eye nye dɔla aɖe tsi tsitre ɖe nye ŋkume. Enye ame kɔkɔe aɖe si ɖi tso dziƒo." data/train/DAN/DAN_010_Verse_000.mp3,"Ale nye ɖeka metsi anyi henɔ ŋutega la kpɔm. Ŋusẽ vɔ le ŋunye, nye mo fu kpĩi eye wɔna vɔ le ŋunye." data/train/DAN/DAN_008_Verse_002.mp3,Azu ame sesẽ aɖe ŋutɔ gake menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o. Agblẽ nuwo nyamanyama eye wòakpɔ dzidzedze le nu sia nu si wòawɔ la me. Atsrɔ̃ ŋutsuwo kple ame kɔkɔewo. data/train/DAN/DAN_006_Verse_021.mp3,Tete ame siawo yi le ha me ɖakpɔ Daniel wònɔ gbe dom ɖa henɔ kpekpeɖeŋu biam Mawu. data/train/DAN/DAN_007_Verse_020.mp3,"“Le nye ŋutega me le zã me la, mekpɔ ame aɖe si le abe amegbetɔ vi ene wògbɔna kple dziƒo ƒe lilikpowo. Egogo Blema Mawu la eye wokplɔe yi eŋkumee." data/train/DAN/DAN_006_Verse_019.mp3,"Nye Mawu ɖo eƒe dɔla aɖe ɖa eye wòde ga nu na dzataawo. Womewɔ nuvevi aɖekem o elabena nyemeɖi fɔ aɖeke le Mawu ŋkume o eye nenema ke nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ le wò ŋkume o, O fia.”" data/train/DAN/DAN_005_Verse_015.mp3,"Ke esi dada ge ɖe dzi me nɛ eye dada na eƒe dzi me sẽ ta la, Mawu ɖee ɖa le eƒe fiazikpui dzi eye woɖe eƒe ŋutikɔkɔe ɖa le eŋu." data/train/DAN/DAN_007_Verse_014.mp3,"“Lã evelia si ɖi sisiblisi la nɔ tsitre ɖe nye ŋkume. Wofɔ eƒe akpa ɖeka ɖe dzi eye agbaƒuti etɔ̃ nɔ eƒe nu me le eƒe aɖuwo dome. Wogblɔ nɛ be, ‘Tso eye nàɖu lã wòasu wò!’" data/train/DAN/DAN_004_Verse_008.mp3,"Enye dzidzɔ nam be maɖi ɖase na mi tso dzesi wɔnuku kple nukunu siwo Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la wɔ nam la ŋuti." data/train/DAN/DAN_002_Verse_020.mp3,"Fia la bia Daniel (ame si wogayɔna be Beltesazar la) be, “Àte ŋu agblɔ nu si mekpɔ le nye drɔ̃e la me nam eye nàɖe egɔmea?”" data/train/DAN/DAN_003_Verse_027.mp3,"Tete gbeƒãɖela do ɣli sesĩe gblɔ be, “Nu si wode se be miawɔe nye esi: O amewo, dukɔwo kple gbe ɖe sia ɖe gblɔlawo," data/train/DAN/DAN_006_Verse_008.mp3,"Dɔdzikpɔlawo, tatɔwo, dziɖulawo, aɖaŋuɖolawo kple mɔmefiawo katã ɖoe be fia la nade se si ana be ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu aɖe alo ame aɖe ŋkeke blaetɔ̃ siwo le mía ŋgɔ me eye menye na wò, O fia, o la, woalée ade dzatawo ƒe do me" data/train/DAN/DAN_003_Verse_013.mp3,"Fia la gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mekpɔ ame ene, wole tsa ɖim le dzo la me; womebla wo o, nuvevi aɖeke mewɔ wo hã o eye ame enelia ɖi mawuwo ƒe viŋutsuvi aɖe.”" data/train/DAN/DAN_005_Verse_029.mp3,"Tete fia la ƒe nunyalawo katã va, ke womete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ la alo ɖe egɔme na fia la o." data/train/DAN/DAN_008_Verse_012.mp3,"Etsi va se ɖe esime wòtɔ dziƒo ŋu, ena ɣletivi aɖewo ge va dze anyigba eye wòtu afɔ wo dzi." data/train/DAN/DAN_004_Verse_036.mp3,"Woanya wò ɖa le amewo dome eye nànɔ agbe abe lã wɔadãwo ene; àɖu gbe abe nyi ene eye dziƒozãmu adza ɖe dziwò. Ƒe adre ava yi va se ɖe esime nànyae be, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi eye wòtsɔa wo naa ame si dzea eŋu." data/train/DAN/DAN_008_Verse_022.mp3,"Mekpɔe wòlũ ɖe agbo la dzi dɔmedzoetɔe, tu dzoe eye wòŋe eƒe dzo eveawo. Ŋusẽ menɔ agbo la ŋu wòatrɔ anɔ te ɖe enu o. Gbɔ̃tsu la ƒoe ƒu anyi, tu afɔ edzi eye naneke mete ŋu ɖee le eƒe asi me o." data/train/DAN/DAN_004_Verse_023.mp3,"Le ɣleti wuieve megbe esime fia la nɔ tsa ɖim le eƒe fiasã la tame le Babilonia la," data/train/DAN/DAN_011_Verse_000.mp3,Adze agbagba be yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe la ƒe aʋakɔ la katã vɛ ahanyi dzo kple Dziehefia eye wòatsɔ via nyɔnu nɛ wòaɖe ale be wòate ŋu amu fiaɖuƒe la aƒu anyi gake eƒe tameɖoɖo sia madze edzi nɛ loo alo akpe ɖe eŋu o. data/train/DAN/DAN_003_Verse_028.mp3,"Tete Nebukadnezar do dɔmedzoe vevie ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ŋu eye eƒe nɔnɔme ɖe wo ŋu trɔ. Eɖe gbe be woado dzo ɖe kpodzo la me wòaxɔ dzo zi adre wu ale si wòxɔa dzoe tsã." data/train/DAN/DAN_002_Verse_037.mp3,"O fia, wòe nye fiawo dzi fia la. Mawu si le dziƒo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽ kpakple bubu," data/train/DAN/DAN_011_Verse_030.mp3,gake nyadzɔdzɔ siwo atso ɣedzeƒe kple anyiehe wòase la ado ŋɔdzi gã aɖe nɛ ale be wòaho kple dziku helĩhelĩ be wòagblẽ wo eye wòatsrɔ̃ geɖewo. data/train/DAN/DAN_004_Verse_015.mp3,"Gbe si wòɖe be nàgblẽ ati la ƒe takpo kple kewo ɖe tome la gɔmee nye, woagbugbɔ wò fiaduƒe ana wò ne ède dzesii be, Dziƒoʋĩtɔ lae le fia ɖum." data/train/DAN/DAN_006_Verse_016.mp3,"Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wolé ame siwo tsɔ aʋatsonya ɖe Daniel ŋu la de dzatawo ƒe do la me kple wo srɔ̃wo kple wo viwo. Womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzataawo lé wo, vuvu wo eye wogbã woƒe ƒuwo o." data/train/DAN/DAN_002_Verse_047.mp3,"Wowɔ legba la ƒe ta kple sika nyuitɔ, wowɔ eƒe akɔta kple abɔwo kple klosalo, wowɔ eƒe ƒodo kple atawo kple akɔbli," data/train/DAN/DAN_004_Verse_010.mp3,Esiawoe nye ŋutega siwo mekpɔ esi memlɔ nye aba dzi. Mekpɔ ati aɖe le nye ŋkume le anyigba la titina. Ekɔ ŋutɔ. data/train/DAN/DAN_003_Verse_018.mp3,"Ke Yudatɔ aɖewo li, ame siwo nètsɔ ɖo dziɖuɖu ƒe nyawo nu le Babilonia siwo nye Sadrak, Mesak kple Abednego, ame siwo metsɔa ɖeke le eme na wò o. O fia, womesubɔa wò mawuwo o, eye womedea ta agu na sikalegba si nèli la o.”" data/train/DAN/DAN_007_Verse_013.mp3,"“ ‘Ke ʋɔnu la aɖi anyi, woaxɔ eƒe ŋusẽ le esi eye woagbãe gudugudu tegbetegbe." data/train/DAN/DAN_004_Verse_019.mp3,"kple eƒe aŋugba dzeaniwo kple kutsetse sɔgbɔwo, ati si naa nuɖuɖu ame sia ame, wònye sitsoƒe na gbemelãwo, eye eƒe alɔwo nye dzudzɔƒe na dziƒoxeviwo lae nye" data/train/DAN/DAN_010_Verse_021.mp3,"Tete mesee wònɔ nu ƒom eye esi menɔ to ɖom la, meyi alɔ̃ me ʋĩi le esime metsyɔ mo anyi." data/train/DAN/DAN_008_Verse_020.mp3,"“Le woƒe dziɖuɖu ƒe nuwuwu lɔƒo esime aglãdzelawo ƒe aglãdzedze ado gã ɖe edzi la, fia vlo aɖe si nye ayetɔ gã aɖe la, ado." data/train/DAN/DAN_010_Verse_011.mp3,"Kasia, nane si le abe amegbetɔ ene la, ka asi nye nuyiwo ŋu, tete meke nye nu hede asi nuƒoƒo me. Megblɔ na ame si tsi tsitre ɖe gbɔnye la be, “Nye Aƒetɔ, vɔvɔ̃ ɖom le ŋutega la ta eye ŋusẽ vɔ le ŋunye." data/train/DAN/DAN_008_Verse_008.mp3,"Esi menɔ nu sia ŋu bum la, gbɔ̃tsu aɖe tso ɣetoɖoƒe gome va le anyigba blibo la dzi tsam kple du gake eƒe afɔwo menɔ anyigba kam o. Gbɔ̃tsu la to dzo titri eve ɖe eƒe ŋkuwo dome." data/train/DAN/DAN_002_Verse_039.mp3,Tete Daniel yi fia la gbɔ eye wòbia be wòana ɣeyiɣi ye be yeaɖe drɔ̃e la gɔme nɛ. data/train/DAN/DAN_010_Verse_005.mp3,"Egblɔ nam be, “Daniel, wò ame si ŋu wode bubu gãe, bu ta me nyuie le nya siwo gblɔ ge mala na wò la ŋu: Tsi tsitre elabena woɖom ɖe gbɔwò azɔ.” Esi wògblɔ nya siawo nam la, metsi tsitre heganɔ dzodzom nyanyanya ko." data/train/DAN/DAN_003_Verse_021.mp3,"Ne woda mí ɖo ɖe kpodzoa me la, Mawu si míesubɔna la ate ŋu aɖe mí tso eme eye wòaɖe mí tso wò asi me, O fia." data/train/DAN/DAN_004_Verse_024.mp3,"Megblɔ be, “Beltesazar, akunyawɔlawo ƒe fia, menya be mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò eye nya ɣaɣla aɖeke mesesẽ akpa na wò o. Nye drɔ̃e lae nye esi, ɖe egɔme nam." data/train/DAN/DAN_002_Verse_036.mp3,Nu sia do dɔmedzoe na fia la ale gbegbe be wòɖe gbe be woawu Babilonia nunyalawo katã. data/train/DAN/DAN_011_Verse_008.mp3,"“Atsɔ aʋakɔ gã aɖe ade dzo eƒe ŋusẽ kple dzideƒo me ɖe Dziehefia ŋu. Dziehefia la akpe aʋa kplii kple aʋakɔ gã sesẽ dranyi aɖe gake mate ŋu anɔ te ɖe enu o, le nugbe si wòɖo ɖe eŋu la ta." data/train/DAN/DAN_002_Verse_032.mp3,"Le zã me la, Mawu ɖe nya ɣaɣla sia fia Daniel le ŋutega me. Ale Daniel kafu dziƒo ƒe Mawu la" data/train/DAN/DAN_011_Verse_045.mp3,"Viawo abla akpa na aʋawɔwɔ, woaƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu woava ƒo ɖe wo dzi abe tsiɖɔɖɔ gã sẽŋu aɖe ene eye woawɔ aʋa la va se ɖe keke eƒe mɔ sesẽ la gbɔ." data/train/DAN/DAN_011_Verse_022.mp3,"Emegbe la, Anyiehefia ava dze Dziehefia ƒe nuto me dzi gake agbugbɔ ayi eya ŋutɔ ƒe dukɔ me." data/train/DAN/DAN_003_Verse_026.mp3,"Tete Fia Nebukadnezar ƒe nu ku. Etso kpla eye wòbia eƒe aɖaŋudelawo be, “Menye ame etɔ̃e nɔ afi ma, ame siwo míebla tsɔ ƒu gbe do ɖe kpodzoa me oa?” Woɖo eŋu be, “Nenemae, O fia.”" data/train/DAN/DAN_011_Verse_041.mp3,"“Ne ɣeyiɣi si woɖo, de la, agava adze Dziehenyigba dzi, ke emetsonu maganɔ nɛ fifia abe tsã ene o" data/train/DAN/DAN_011_Verse_010.mp3,Ava dze Anyigba Nyui la hã dzi. Dukɔ geɖewo atsrɔ̃ gake woaɖe Edom kple Moab kple Amon ƒe dumegãwo tso eƒe asi me. data/train/DAN/DAN_003_Verse_014.mp3,"Fia la ƒe gbeɖeɖe nu sẽ, eye dzokpo la hã ƒe dzoxɔxɔ nu sẽ ale gbegbe be dzo la ƒe aɖewo wu asrafo siwo kɔ Sadrak, Mesak kple Abednego ƒu gbe ɖe kpodzo la me." data/train/DAN/DAN_010_Verse_016.mp3,mefɔ kɔ dzi eye ŋutsu aɖe si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye sika nyuitɔ si tso Ufaz ƒe alidziblanu le ali dzi nɛ la nɔ nye ŋkume. data/train/DAN/DAN_004_Verse_028.mp3,Na woatrɔ eƒe amegbetɔ ƒe susu wòazu gbemelã tɔ va se ɖe esime ƒe adre nava yi. data/train/DAN/DAN_009_Verse_006.mp3,"Aɖo kpe nu si wòbla kple ame geɖewo la dzi kɔsiɖa ɖeka. Le kɔsiɖa ɖeka la titina la, atɔ te vɔsawo kple nunanawo. Le gbedoxɔ la ƒe dzogoe ɖeka dzi la, ali ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la ɖi va se ɖe esime woatrɔ nuwuwu si woɖo ɖi la akɔ ɖe edzi.”" data/train/DAN/DAN_008_Verse_017.mp3,"Le aglãdzedze ta la, wotsɔ ame kɔkɔewo ƒe aʋakɔ la kple gbe sia gbe ƒe vɔsa de asi nɛ. Nu sia nu si wòwɔ la dze edzi nɛ eye wòtsɔ nyateƒe ƒu gbe ɖe anyigba." data/train/DAN/DAN_005_Verse_031.mp3,"Wokpɔe dze sii be Daniel, ame si fia la yɔna be Beltesazar la, nunya kple gɔmesese le tagbɔ nɛ kpe ɖe ŋutete be wòaɖe drɔ̃ewo kple adzowo gɔme ŋu eye wònya nu si woawɔ le nya sesẽwo me. Na woayɔ Daniel ne wòaɖe nuŋɔŋlɔ la gɔme na wò.”" data/train/DAN/DAN_011_Verse_034.mp3,"“Le ŋkeke mawo me la, ame geɖewo atso ɖe Dziehefia ŋuti. Ame dzeaglã siwo le woawo ŋutɔ ƒe amewo dome la adze aglã le ŋutega la ƒe nya nu gake womaɖu dzi o." data/train/DAN/DAN_005_Verse_017.mp3,"Le Belsazar ƒe gbeɖeɖe nu la, wodo aɖabɛwu na Daniel, de sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ eye wona wòzu dziɖula ŋusẽtɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me." data/train/DAN/DAN_008_Verse_023.mp3,Menɔ ŋku lém ɖe agboa ŋu esi wònɔ dzo dam ɖo ta ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe. Lã aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe enu o eye ɖeke mete ŋu xɔ nu léle le esi o. Ewɔ nu si dze eŋu eye wòkpɔ ŋusẽ ŋutɔ. data/train/DAN/DAN_010_Verse_009.mp3,"Eƒe ŋutilã nɔ abe adzagba ene, eƒe mo nɔ abe dzikedzo ene, eƒe ŋkuwo nɔ abe akakati bibiwo ene, eƒe abɔwo kple afɔwo nɔ abe akɔbli nyuitɔ si le dzo dam la ene eye eƒe gbe nɔ abe ameha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ene." data/train/DAN/DAN_008_Verse_026.mp3,"Ɖeɖi te nye, Daniel ŋu eye menɔ dɔba dzi ŋkeke aɖewo. Emegbe mefɔ eye meyi fia la ƒe dɔwɔwɔ dzi. Ŋutega la wɔ nuku nam ŋutɔ; ekɔ wu amewo ƒe gɔmesese." data/train/DAN/DAN_009_Verse_013.mp3,"Israel blibo la da le wò sewo dzi, wotrɔ le yowòme, eye wogbe toɖoɖo wò eya ta wotrɔ fiƒode kple atam siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe dɔla Mose ƒe sewo me la, kɔ ɖe mía dzi elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò." data/train/DAN/DAN_005_Verse_014.mp3,Fia la ƒe mo fu kpĩi eye dzidzi ƒoe ale gbegbe be eƒe klowo de asi wo nɔewo ƒoƒo me kpakpakpa eye eƒe afɔwo gbɔdzɔ le ete. data/train/DAN/DAN_004_Verse_007.mp3,Enumake nu si wogblɔ ɖe Nebukadnezar ŋu la va eme. Wonyae ɖa tso amewo dome eye wòɖu gbe abe nyi ene. Zãmu dza ɖe edzi va se ɖe esime eƒe taɖa to abe hɔ̃ ƒe fuwo ene eye eƒe fewo to abe xevi ƒe fewo ene. data/train/DAN/DAN_012_Verse_011.mp3,"Woakɔ ame geɖewo ŋu, awɔ wo dzadzɛe, ɖiƒoƒo aɖeke manɔ wo ŋu o gake ame vɔ̃ɖiwo ya aganɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi ko. Ame vɔ̃ɖi aɖeke mase egɔme o gake nunyalawo ya ase egɔme." data/train/DAN/DAN_004_Verse_025.mp3,"Megblɔ nya siawo vɔ hafi gbe aɖe ɖi tso dziƒo o. Gbe la ɖi be, “Nu siwo woɖo be woadzɔ ɖe wò Fia Nebukadnezar dzi lae nye, woaxɔ wò fianyenye le asiwò." data/train/DAN/DAN_011_Verse_037.mp3,"Ne eva zi dzi teti ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, amae ɖe dziƒoya eneawo dzi. Fiaɖuƒe la manɔ anyi na eƒe dzidzimeviwo alo wòawɔ ŋusẽ si le esi la ŋu dɔ o, elabena woaxɔ eƒe fiaɖuƒe la atsɔ ana ame bubuwo." data/train/DAN/DAN_008_Verse_016.mp3,"Gbɔ̃tsu la va xɔ ŋkɔ ale gbegbe gake le eƒe ŋusẽ ƒe kɔkɔƒe la, eƒe dzo biɖa la ŋe eye dzo titri ene to ɖe eteƒe do ɖe dziƒoya eneawo gbɔ." data/train/DAN/DAN_005_Verse_002.mp3,"Ale wotsɔ sikanu siwo wolɔ tso Mawu ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem la vɛ eye fia la, eƒe ame ŋkutawo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãviwo no wain le wo me." data/train/DAN/DAN_002_Verse_013.mp3,"Esi nènɔ ŋku lém ɖe nuwo ŋu la, wolã agakpe aɖe me, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o. Ege va dze legba la ƒe afɔ siwo wowɔ kple gayibɔ kple tsu la dzi eye wògbã wo gudugudu." data/train/DAN/DAN_003_Verse_025.mp3,"Tete Fia Nebukadnezar te ɖe kpodzo la ƒe ʋɔtru ŋu, eye wòdo ɣli be, “Sadrak, Mesak kple Abednego, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe subɔlawo, mido go. Miva afi sia!” Ale Sadrak, Mesak kple Abednego do go le kpodzo la me" data/train/DAN/DAN_006_Verse_024.mp3,"Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye wòɖe gbe be woaɖe Daniel le do la me. Esi woɖe Daniel le do la me la, womekpɔ abi aɖeke le eŋu o elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu ŋu." data/train/DAN/DAN_004_Verse_026.mp3,"Meku drɔ̃e aɖe si na vɔvɔ̃ ɖom. Esi memlɔ nye aba dzi la, ɖeɖefia kple ŋutega siwo va to nye susu me la do ŋɔdzi nam." data/train/DAN/DAN_002_Verse_024.mp3,"gake Mawu aɖe le dziƒo, ame si ɖea nu ɣaɣlawo fiana. Eɖe nu si ava dzɔ le ŋkeke siwo gbɔna la me fia Fia Nebukadnezar. Wò drɔ̃e kple ŋutega siwo to wò susu me esi nèmlɔ wò aba dzi la le ale:" data/train/DAN/DAN_011_Verse_021.mp3,"Emegbe fia sesẽ aɖe ava zi dzi, ame si aɖu fia kple asi sesẽ eye wòawɔ nu sia nu si adze eŋu." data/train/DAN/DAN_007_Verse_025.mp3,"“Tete medi be manya lã enelia ƒe gɔmeɖeɖe tututu. Lã sia to vovo sãa tso bubuawo gbɔ eye ŋɔdzi nɔ eŋu ŋutɔ kple eƒe gaɖuwo kple akɔblifewo. Enye lã si vuvua nu, ɖua eƒe nu lélewo eye wòtua afɔ nu sia nu si susɔ la dzi." data/train/DAN/DAN_008_Verse_021.mp3,"Mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ agbo aɖe si to dzo eve, wòtsi tsitre ɖe tɔsisi la to; eƒe dzowo didi. Dzoawo dometɔ ɖeka nɔ kpuie wu evelia gake eva didi ɖe edzi emegbe." data/train/1CH/1CH_028_Verse_007.mp3,"Egblɔ nam be, ‘Viwò, Solomo atu gbedoxɔ la elabena metiae abe vinye ene eye manye fofoa." data/train/1CH/1CH_009_Verse_019.mp3,"kple Zera ƒe viwo, ame siwo dome Yeuel kple eƒe dzidzimeviwo nɔ. Wo katã wode ame alafa ade blaasieke (690)." data/train/1CH/1CH_026_Verse_018.mp3,"Selomɔt kple nɔviawo kpɔa nu siwo ŋuti Nyagblɔɖila Samuel kple Saul, Kis ƒe vi kple Abner, Ner ƒe vi kple Yoab, Zeruya ƒe vi, kɔ na Yehowa kple nu siwo ame xɔŋkɔ bubuwo na Yehowa la dzi." data/train/1CH/1CH_013_Verse_001.mp3,"Ale Fia David kple Israel dukɔ blibo la yi Baala, si nye Kiriat Yearim le Yuda be yewoatsɔ Mawu Yehowa ƒe nubablaɖaka si woda ɖe kerubiwo tame la vɛ." data/train/1CH/1CH_006_Verse_060.mp3,"Merari ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Merari me la woe nye: Mahli, Libni, Simei, Uza," data/train/1CH/1CH_004_Verse_029.mp3,Simei dzi viŋutsu wuiade kple vinyɔnu ade. Nɔviawo dometɔ aɖeke ƒe viwo mesɔ gbɔ alea o eye wo viwo mede esi Yudatɔ geɖewo dzina la nu o. data/train/1CH/1CH_001_Verse_015.mp3,"Esi Baal Hanan ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe eye eƒe fiadue nye Pau. Hadad srɔ̃e nye Mehetabel, dadae nye Matred, ame si dadae nye Me-Zahab." data/train/1CH/1CH_025_Verse_000.mp3,"(Ame siawo katã nye Heman, fia la ƒe nukpɔla ƒe viŋutsuwo. Wotsɔ wo nɛ to Mawu ƒe ŋugbedodo me be woadoe ɖe dzi. Mawu na ƒe viŋutsu wuiene kple vinyɔnu etɔ̃ Heman.)" data/train/1CH/1CH_011_Verse_014.mp3,Ekeke du la ɖe edzi ƒo xlã mɔ la le esime Yoab gbugbɔ Yerusalem ƒe akpa mamlɛa tu. data/train/1CH/1CH_008_Verse_011.mp3,Ehud ƒe viwo nye hlɔ̃metatɔwo le Geba. Wolé wo le aʋa me eye woɖe aboyo wo yi Manahat. Woawoe nye: data/train/1CH/1CH_021_Verse_001.mp3,Ale David xe sikaga kilogram adre na Arauna ɖe lugbɔƒe la ta. data/train/1CH/1CH_026_Verse_023.mp3,"Viŋutsuwo nɔ via Semaya, hã si, ame siwo nye kplɔlawo le wo fofo ƒe ƒome me elabena ŋutete nɔ wo ŋu." data/train/1CH/1CH_006_Verse_003.mp3,"ame si dzi Amaria, ame si dzi Ahitub," data/train/1CH/1CH_016_Verse_039.mp3,Wogawɔa Yehowa ƒe Agbadɔ xoxo si nɔ Gibeon to la dzi la ŋu dɔ. David gble Nunɔla Zadok kple Nunɔla bubuawo ɖi be woasubɔ Yehowa le afi ma. data/train/1CH/1CH_026_Verse_007.mp3,kple Ɣetoɖoƒegbo kple Salexet ƒe agbo si le dzigbemɔ la dzi yi Supim kple Hosa dzi la ŋu. Woma dzɔlawo ƒe dɔ na wo sɔsɔe. data/train/1CH/1CH_016_Verse_017.mp3,"eye wòtsɔ abolo, lãkɔ kple waintsetsebolo na Israelvi ɖe sia ɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa." data/train/1CH/1CH_010_Verse_010.mp3,"Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.” Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu." data/train/1CH/1CH_006_Verse_074.mp3,"Woda akɔ eye woxɔ du wuietɔ̃ le Basan le Isaka, Aser, Naftali kple Manase ƒe viwo si tsɔ na Gerson ƒe viwo." data/train/1CH/1CH_025_Verse_028.mp3,"Tso Asaf ƒe viŋutsuwo dome: Zakur, Yosef, Netania kple Asarela. Asaf ƒe viwo nɔ Asaf ƒe kpɔkplɔ te, ame siwo gblɔa nya ɖi nɔ fia la ŋutɔ ƒe kpɔkplɔ te." data/train/1CH/1CH_027_Verse_014.mp3,"Hatsotso adelia ƒe tatɔe nye Ira, ame si nye Ikes tso Tekoa ƒe vi. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti adelia me." data/train/1CH/1CH_012_Verse_030.mp3,"Mismana nye enelia, Yeremia nye atɔ̃lia," data/train/1CH/1CH_012_Verse_039.mp3,Zadok kple eƒe ƒometɔ blaeve-vɔ-eve nye amegãwo le nunɔlawo dome. data/train/1CH/1CH_027_Verse_034.mp3,"Zebulon ƒe viwo Nunɔlae nye Ismaya, Obadia ƒe vi; Naftali ƒe viwo Nunɔlae nye Yeremot, Azriel ƒe vi;" data/train/1CH/1CH_005_Verse_020.mp3,Woƒe futɔ geɖewo ku le aʋa la me elabena Mawu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ale Ruben ƒe dzidzimeviwo nɔ Hagritɔwo ƒe dzidzimeviwo ƒe anyigba dzi va se ɖe esime woɖe aboyo wo. data/train/1CH/1CH_025_Verse_013.mp3,Nudzidze blaevelia dze Eliata kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_025_Verse_030.mp3,Wotia hadzilawo to nudzidze me eye womebu nufiala alo nusrɔ̃vi ŋu o. data/train/1CH/1CH_013_Verse_014.mp3,Wotsɔe da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi tso Abinadab ƒe aƒe me. Uza kple Ahio kplɔ nyiawo. data/train/1CH/1CH_015_Verse_029.mp3,"Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia ŋu esi mienɔ nubablaɖaka la kɔm elabena esi mi Levitɔwo míenɔ anyi gbe ma gbe o la, míebia Yehowa se nu si miawɔ la o.”" data/train/1CH/1CH_024_Verse_008.mp3,Hatsotso wuiadrelia ƒe kplɔlae nye Hezir. Hatsotso wuienyilia ƒe kplɔlae nye Hapizez. data/train/1CH/1CH_028_Verse_009.mp3,Ewɔ ɖoɖo tsɔ nɛ ku ɖe nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe hatsotsowo ŋuti kple subɔsubɔdɔ siwo katã woawɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple nu siwo katã ŋuti dɔ woawɔ le subɔsubɔdɔ me la me. data/train/1CH/1CH_009_Verse_039.mp3,"Wotsɔ Mawu ƒe aƒe la ƒe xɔwo kple nudzraɖoƒewo ƒe dzikpɔkpɔ de asi na agbonudzɔlagã eneawo, ame siwo nye Levitɔwo." data/train/1CH/1CH_021_Verse_028.mp3,"Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Gad be wòagblɔ na David be wòatu vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe." data/train/1CH/1CH_028_Verse_005.mp3,"Eda sika nyuitɔ na gaflowo, ʋuhlẽgbawo kple kpluwo wɔwɔ. Eda sika na sikagbawo wɔwɔ. Nenema kee wòda klosalo na klosalogbawo wɔwɔ." data/train/1CH/1CH_026_Verse_000.mp3,"Akɔdada la na be Obed Edom nadzɔ Dziehegbo la ŋu eye via ŋutsuwo nadzɔ nudzraɖoƒe la ŋu," data/train/1CH/1CH_027_Verse_027.mp3,"Manase ƒe viwo ƒe afã evelia nɔ Gilead, wo Nunɔlae nye Ido, Zekaria ƒe vi. Benyamin ƒe viwo Nunɔlae nye Yaasiel, Abner ƒe vi;" data/train/1CH/1CH_029_Verse_016.mp3,“Mena sika nyuitɔ tso Ofir ‘tɔn’ alafa ɖeka (100) kple klosalo nyuitɔ ‘tɔn’ alafa eve blaene (240) be woatsɔ afa ɖe gliawo ŋu data/train/1CH/1CH_007_Verse_035.mp3,Wo fofo Efraim fa wo ɣeyiɣi didi aɖe eye nɔviawo dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ. data/train/1CH/1CH_024_Verse_023.mp3,"Semaya, tso Levitɔwo dome, ame si fofoe nye Netanel la, nye nuŋlɔla. Eŋlɔ ameawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dɔdeasiwo da ɖi le fia la kple Nunɔla Zadok kple Ahimelek, Abiata ƒe vi kple Levitɔwo ƒe tatɔwo ŋkume. Wode dɔ ɖe sia ɖe asi na Eleazar ƒe viwo ƒe ha eveawo kple Itamar ƒe viwo ƒe ha ɖeka la sɔsɔe." data/train/1CH/1CH_007_Verse_013.mp3,"Efraim ƒe dzidzimeviwo yi ale: Efraim dzi Refa, ame si dzi Resef, ame si dzi Tela ame si dzi Tahan," data/train/1CH/1CH_015_Verse_016.mp3,"eye ame alafa ɖeka wuieve (112) siwo nu, Aminadab nɔ la tso Uziel ƒe viwo dome." data/train/1CH/1CH_027_Verse_026.mp3,"Levi ƒe viwo Nunɔlae nye Hasabia, Kemuel ƒe vi; Aron ƒe viwo Nunɔlae nye Zadok;" data/train/1CH/1CH_027_Verse_018.mp3,"Hatsotso enelia ƒe tatɔe nye Asahel, Yaob nɔvi, ame si teƒe via Zebadia va xɔ ɖo emegbe. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti enelia me." data/train/1CH/1CH_026_Verse_024.mp3,Wona wodzɔa gbedoxɔ la ƒe agbo vovovoawo ŋu; womebua ƒome siwo me wotso la ŋu o elabena wowɔa nu siawo katã to nudzidze me. data/train/1CH/1CH_012_Verse_003.mp3,"Ame akpe blaene (40,000) tso Aser ƒe viwo dome. Wohe wo nyuie eye wonɔ klalo na aʋawɔwɔ." data/train/1CH/1CH_009_Verse_037.mp3,Wodae ɖe Fia ƒe Agbo nu le ɣedzeƒe va se ɖe egbe. Ame siawoe nye agbonudzɔlawo tso Levitɔwo dome. data/train/1CH/1CH_007_Verse_019.mp3,Ir ƒe viwoe nye Supitɔwo kple Hupitɔwo. Husim nye Aher ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka. data/train/1CH/1CH_025_Verse_007.mp3,Nudzidze asiekelia dze Matania kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_017_Verse_013.mp3,"Ke Mawu gblɔ na Natan le zã ma me be," data/train/1CH/1CH_019_Verse_002.mp3,"David ɖo be, “Manyo dɔme na Hanun, Nahas ƒe vi elabena fofoa nyo dɔme nam.” Ale David dɔ amewo ɖa be woado babaa na Hanun le fofoa ƒe ku ta. Esi David ƒe amewo va tu Hanun le Amonitɔwo ƒe anyigba dzi be yewoado babaa nɛ la," data/train/1CH/1CH_029_Verse_009.mp3,"Esi ŋu ke la, wotsɔ nyitsu akpe ɖeka (1,000), agbo akpe ɖeka kple alẽvi akpe ɖeka sa numevɔ na Yehowa. Wosa numevɔ kple vɔsa bubu geɖewo ɖe Israel nu." data/train/1CH/1CH_004_Verse_036.mp3,"Yabez xɔ ŋkɔ wu nɔvia bubuawo katã. Dadaa na ŋkɔe be, Yabez si gɔmee nye, “Vevesese” elabena dadaa se veve ŋutɔ le edzidzi me." data/train/1CH/1CH_021_Verse_025.mp3,Tete Yehowa ɖe gbe na mawudɔla la be wòatsɔ eƒe yi la ade aku me. data/train/1CH/1CH_026_Verse_003.mp3,"Dzidzime la tso Eliezer dzi yi ale: Eliezer dzi Rehabia, ame si dzi Yesaya, ame si dzi Yoram, Yoram dzi Zikri, ame si dzi Selomɔt." data/train/1CH/1CH_006_Verse_008.mp3,"ame si dzi Zadok, ame si dzi Ahimaaz," data/train/1CH/1CH_019_Verse_012.mp3,"Ke esi wova gblɔ ŋutsuawo ŋu nya na David la, edɔ amewo woɖakpe ŋutsuawo kple gbedeasi be woatsi Yeriko va se ɖe esime woƒe ge nato elabena wodo ŋukpe wo ŋutɔ." data/train/1CH/1CH_018_Verse_011.mp3,"eɖo Via ŋutsu Hadoram ɖe Fia David gbɔ be wòado gbe nɛ, ada ŋkɔ ɖe edzi le eƒe dziɖuɖu ta eye wòatsɔ sika, klosalo kple akɔbli nɛ. Edi be yeawɔ ɖeka kple Fia David elabena eya kple Hadadezer nye futɔwo eye wowɔ aʋa geɖewo." data/train/1CH/1CH_004_Verse_022.mp3,"Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, aʋawɔla siawo dometɔ alafa atɔ̃ tso Simeon ƒe ƒome la me yi Seir ƒe to la dzi. Woƒe kplɔlawo nye Pelatia, Nearia, Refaya kple Uziel. Wo katã wonye Isi ƒe viwo." data/train/1CH/1CH_028_Verse_014.mp3,"Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, eda sika si ŋu wokɔ wòdza la na dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la. Fia la tsɔ ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe tasiaɖamwo ŋu la hã nɛ, esi nye sika Kerubi siwo keke woƒe aʋalãwo eye wodo vɔvɔlĩ ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la dzi." data/train/1CH/1CH_025_Verse_008.mp3,Nudzidze atɔ̃lia dze Netania kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_021_Verse_023.mp3,"Mawu hã mekpɔ dzidzɔ le amexexlẽ sia ŋu o, eya ta wòhe to na Israel ɖe eta." data/train/1CH/1CH_008_Verse_039.mp3,Yonatan dzi Mefiboset ame si wogayɔna hã be Meribaal eye eya hã dzi Mika. data/train/1CH/1CH_006_Verse_005.mp3,"ame si dzi Azaria, ame si nye Nunɔlagã si nɔ Solomo ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem." data/train/1CH/1CH_011_Verse_009.mp3,"David nɔ mɔ la me eya ta woyɔa du la ƒe akpa ma be, David ƒe Du." data/train/1CH/1CH_022_Verse_013.mp3,"Gawu la, kpeɖolawo kple atikpalawo kple aɖaŋudɔwɔla vovovowo le asiwò." data/train/1CH/1CH_003_Verse_017.mp3,Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla. data/train/1CH/1CH_021_Verse_026.mp3,"Yehowa gblɔ na Gad, ame si nye nukpɔla na David be," data/train/1CH/1CH_002_Verse_036.mp3,Perez ƒe viwoe nye: Hezron kple Hamul. data/train/1CH/1CH_018_Verse_014.mp3,"kpe ɖe akɔbli geɖe tso Hadadezer ƒe du siwo nye Teba kple Kun la me la ŋu. Emegbe la, Fia Solomo lolo akɔbli la eye wòtsɔe wɔ gbedoxɔ la ƒe akɔbligazɔ kple akɔblisɔtiwo kple akɔblinu siwo ŋu dɔ wowɔna ne wole vɔ sam le vɔsamlekpui la dzi." data/train/1CH/1CH_012_Verse_029.mp3,"Manase ƒe vi siwo va kpe ɖe David ŋu esi wòyi Ziklag la woe nye: Adna, Yozabad, Yediael, Mikael, Yozabad, Elihu kple Ziletai. Ame siawo katã nye ame akpewo nunɔlawo le Manase." data/train/1CH/1CH_025_Verse_025.mp3,Nudzidze wuietɔ̃lia dze Sebuel kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_026_Verse_010.mp3,"Levi vi ade dzɔa Ɣedzeƒegbo la ŋu, ame ene dzɔa anyiehegbo la ŋu, ene dzɔa dziehegbo la ŋu, eye ame eve dzɔa nudzraɖoƒe la ŋu gbe sia gbe." data/train/1CH/1CH_019_Verse_017.mp3,"Woda tasiaɖam akpe blaetɔ̃-vɔ-eve (32,000) kple wo dolawo. Nenema ke wotsɔ Maaka fia kple eƒe aʋakɔ blibo la, ame siwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Medeba gbɔ, esime woyɔ Amonitɔwo ƒo ƒu tso woƒe duwo me eye wodo yi aʋakpeƒe." data/train/1CH/1CH_027_Verse_007.mp3,"Dan ƒe viwo Nunɔlae nye Azarel, Yeroham ƒe vi. Ame siawoe nye Israel toawo ƒe amegãwo." data/train/1CH/1CH_004_Verse_003.mp3,"Bet Markabot, Hazar Susim, Bet Biri kple Saaraim. Du siawo nɔ woƒe asi me va se ɖe David ƒe fiaɖuɣi." data/train/1CH/1CH_002_Verse_030.mp3,ke Yonatan dzi vi eve: Pelet kple Zaza. Ame siawoe nye Yerameel ƒe viwo. data/train/1CH/1CH_012_Verse_033.mp3,"Wo katã lé aŋutrɔwo ɖe asi, wonye aŋutrɔdala kple akafodala nyuiwo eye wowɔa mia kple ɖusi siaa ŋu dɔ sɔsɔe. Wo katã wotso Benyamin ƒe to la me abe Saul ke ene." data/train/1CH/1CH_029_Verse_022.mp3,"Oo, Yehowa, mía fofowo, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu! Na wòanye wò amewo ƒe didi be yewoaɖo to wò ɣe sia ɣi eye nàkpɔ egbɔ be woƒe lɔlɔ̃ na wò metrɔ gbeɖe o." data/train/1CH/1CH_025_Verse_020.mp3,Nudzidze wuiadrelia dze Yosbekasa kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_015_Verse_026.mp3,"Sebania, Yosafat, Netanel, Amasai, Zekaria, Benaya kple Eliezer, ame siwo katã nye nunɔlawo la, nye kpẽkulawo eye wonɔ ŋgɔ na ameawo katã. Obed Edom kple Yehia dzɔ nubablaɖaka la ƒe agbo ŋu." data/train/1CH/1CH_015_Verse_025.mp3,Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la ɖe abɔta kple etsɔtiwo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la tututu. data/train/1CH/1CH_012_Verse_024.mp3,Gad ƒe vi siawoe nye aʋafiawo; ame alafa ɖeka mate ŋu anɔ te ɖe wo dometɔ gblɔetɔ nu o eye wo dometɔ sesẽtɔ ate ŋu anɔ te ɖe ame akpe nu. data/train/1CH/1CH_010_Verse_012.mp3,Wotsɔ Saul ƒe akpoxɔnu da ɖe woƒe mawuwo ƒe gbedoxɔ me eye wotsɔ eƒe ta ku gli ŋu le Dagon ƒe gbedoxɔ me. data/train/1CH/1CH_008_Verse_028.mp3,"Ner dzi Kis, ame si dzi Saul eye Saul hã dzi Yonatan, Malki Sua, Abinadab kple Esbaal." data/train/1CH/1CH_009_Verse_012.mp3,Enɔ na wo nɔviŋutsu siwo nɔ woƒe kɔƒewo me be woava tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi akpe ɖe wo ŋuti le woƒe dɔwɔnawo me ŋkeke adre. data/train/1CH/1CH_016_Verse_037.mp3,Wodzi ha be: Mida akpe na Yehowa Miyɔ eƒe ŋkɔ eye miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome. data/train/1CH/1CH_015_Verse_020.mp3,Eyɔ Aron ƒe dzidzimeviwo kple Levitɔwo ƒo ƒu: data/train/1CH/1CH_006_Verse_061.mp3,Merari ƒe viwoe nye: Mahli kple Musi. Ƒome siwo dzɔ tso Levi ƒe hlɔ̃ me la le ale: data/train/1CH/1CH_017_Verse_018.mp3,"Natan ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu si nèɖo ɖe ta me be yeawɔ elabena Mawu li kpli wò.”" data/train/1CH/1CH_025_Verse_011.mp3,Nudzidze blaeve-vɔ-evelia dze Gidalti kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_012_Verse_023.mp3,"Ezer nye woƒe tatɔ, Obadia nye evelia, etɔlia nye Eliab." data/train/1CH/1CH_016_Verse_016.mp3,"Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu! Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xɔ anyigba la katã dzi." data/train/1CH/1CH_025_Verse_015.mp3,Nudzidze enyilia dze Yesaya kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_008_Verse_022.mp3,"kple Miklot, ame si dzi Simea. Ƒome siawo katã nɔ teƒe ɖeka le Yerusalem gbɔ." data/train/1CH/1CH_024_Verse_006.mp3,Hatsotso blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Yakin. Hatsotso blaeve-vɔ-evelia ƒe kplɔlae nye Gamul. data/train/1CH/1CH_019_Verse_019.mp3,Yoab kpɔ be wodze aʋa ɖe ye ŋgɔ kple ye megbe siaa eya ta etia Israel ƒe asrafo siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me eye wòna woɖakpe aʋa kple Aramtɔwo. data/train/1CH/1CH_018_Verse_009.mp3,"Esime Hamat fia Tou se be Fia David si Zoba fia Hadadezer ƒe aʋakɔ blibo la," data/train/1CH/1CH_026_Verse_001.mp3,Ame siawo kɔa afunyinu siwo wokpɔ to aʋawɔwɔ me la ŋu hena ŋu dɔ wɔwɔ le gbedoxɔ la me. data/train/1CH/1CH_003_Verse_005.mp3,"Esi David nɔ Yerusalem la, srɔ̃a Batseba, Amiel ƒe vinyɔnu dzi vi ene siwoe nye: Simea, Sobab, Natan kple Solomo." data/train/1CH/1CH_007_Verse_032.mp3,"Tola ƒe viwoe nye: Uzi, Refaya, Yeriel, Yahmai, Ibsam kple Samuel eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ƒome ƒe tatɔ. Le Fia David ŋɔli la, aʋawɔla siwo tso ƒome siawo me la de ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa ade (22,600)." data/train/1CH/1CH_025_Verse_027.mp3,Nudzidze wuiɖekɛlia dze Azarel kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_005_Verse_007.mp3,"Hlɔ̃ la nɔ Gilead, Basan kple wo ŋu duwo me kpakple Saron ƒe lãnyiƒe nutowo katã me va se ɖe eƒe mlɔenu." data/train/1CH/1CH_009_Verse_003.mp3,Ame gbãtɔ siwo trɔ gbɔ eye woganɔ woƒe du xoxoawo me la woe nye ƒome siwo dzɔ tso Israel me kple nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le gbedoxɔ la me. data/train/1CH/1CH_013_Verse_006.mp3,"David kple Israel ƒe aƒe blibo la katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Mawu ŋkume. Wonɔ ha dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, asiʋuiwo, gakogoewo kple kpẽwo ƒe ɖiɖi ŋu." data/train/1CH/1CH_023_Verse_032.mp3,(Yahat nye viŋutsu gbãtɔ eye Ziza nye evelia. Ke Yeus kple Beria medzi viŋutsu geɖewo o eya ta woxlẽ wo abe ƒome ɖeka ene eye dɔdeasi ɖeka nɔ wo si.) data/train/1CH/1CH_016_Verse_014.mp3,"Esime wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me Tso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me la," data/train/1CH/1CH_015_Verse_007.mp3,"Ame blaenyi, ame siwo nu, Eliel nɔ la tso Hebron ƒe viwo dome," data/train/1CH/1CH_026_Verse_009.mp3,"Le Hebronitɔwo gome la, Yeriae nye woƒe tatɔ le ƒomeawo ƒe dzidzimegbalẽ lawo nu. Le David ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaenelia me la, woto dzidzimegbalẽ la me eye wokpɔ be, Hebronitɔ siwo ŋu ŋutete nɔ la woe nye, Yazer le Gilead," data/train/1CH/1CH_005_Verse_000.mp3,"Asrafo akpe blaene-vɔ-ene alafa adre blaade (44,760), ame siwo si aʋawɔnuwo nɔ, wohe wo nyuie eye wonye kalẽtɔwo la nɔ Ruben, Gad kple Manase ƒe to la ƒe afã ƒe aʋakɔ me." data/train/1CH/1CH_006_Verse_059.mp3,Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo ƒe afã: Aner kple Balaam. data/train/1CH/1CH_024_Verse_026.mp3,Woda akɔ hafi de dɔawo asi na hatsotso vovovoawo ale be ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o elabena Mawu ƒe ame xɔŋkɔwo kple amegãwo tso Eleazar kple Itamar ƒe ƒome me. data/train/1CH/1CH_009_Verse_032.mp3,"Silonitɔwo hã trɔ gbɔ. Ame siwo nɔ Silonitɔwo dome la woe nye: Asaya, Silon ƒe viŋutsu tsitsitɔ kple via ade" data/train/1CH/1CH_007_Verse_001.mp3,"ame si dzi Nun, ame si dzi Yosua." data/train/1CH/1CH_011_Verse_044.mp3,"Wogblɔ na David be, “Màge ɖe afi sia o.” Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David ƒe Du.”" data/train/1CH/1CH_020_Verse_001.mp3,"David ɖe fiakuku le woƒe fia, Milkom ƒe ta eye wotsɔe ɖɔ na Fia David. Fiakuku la ƒe kpekpeme anɔ sika kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye wotsɔ kpe xɔasiwo ɖo atsyɔ nɛ. Woha afunyinu geɖe le du la me." data/train/1CH/1CH_027_Verse_032.mp3,"Yonatan, Fia David tɔɖia, nye aɖaŋuɖola nyui aɖe; gɔmesese le esi eye wònye agbalẽŋlɔ la hã. Yehiel, Hakmoni ƒe vi fia nu fia la ƒe viwo." data/train/1CH/1CH_009_Verse_021.mp3,"Le ɣe ma ɣi la, Zekaria, Meselemia ƒe vi dzɔ Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe agbonu ŋu." data/train/1CH/1CH_023_Verse_028.mp3,"Wobu Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe viŋutsuwo ɖe Levitɔwo dome." data/train/1CH/1CH_025_Verse_024.mp3,Nudzidze wuienyilia dze Hanani kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_023_Verse_007.mp3,"Eliezer ƒe vi: Rehabia nye vi ɖekɛ kple gbãtɔ eye wònye hlɔ̃ la ƒe tatɔ. (Eliezer megadzi vi aɖeke o, ke Rehabia viwo sɔ gbɔ ŋutɔ.)" data/train/1CH/1CH_016_Verse_019.mp3,Eɖo kpe edzi na Yakob Abe sedede ene eye na Israel abe nubabla mavɔ ene be: data/train/1CH/1CH_006_Verse_015.mp3,"Aron ƒe vi tsitsitɔwo ƒe dzidzimeviwoe nye: Eleazar si dzi Finehas, ame si dzi Abisua," data/train/1CH/1CH_029_Verse_000.mp3,"Ale Mawu na Fia Solomo xɔ fofoa, David ƒe fiazikpui. Nu dze edzi nɛ ŋutɔ eye Israel blibo la ɖo toe." data/train/1CH/1CH_004_Verse_042.mp3,"Zira, ame si nye Sifi ƒe vi, ame si nye Alon ƒe vi, ame si nye Yedaia ƒe vi, ame si nye Simri ƒe vi ame si nye Semaya ƒe vi." data/train/1CH/1CH_022_Verse_015.mp3,"ke Yehowa meɖe mɔ nam o. Egblɔ nam be, ‘Èwu ame geɖewo akpa le aʋa gãwo me. Èna anyigba biã le nye ŋkume eya ta menye wòe atu nye gbedoxɔ la o." data/train/1CH/1CH_028_Verse_013.mp3,"Fia David tsi tsitre ɖe ameawo ŋkume eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, nɔvinye ŋutsuwo kple nye dukɔmetɔwo, meɖoe ɖe nye dzi me be matu xɔ si anye dzudzɔƒe na Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye wòanye afɔɖodzinu na míaƒe Mawu la. Ale mewɔ ɖoɖo ɖe etutu ŋuti." data/train/1CH/1CH_016_Verse_005.mp3,"David gatia Heman kple Yedutun kple ame bubu aɖewo, ame siwo ŋkɔwo wode dzesi la be woada akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve si li ɖaa la ta." data/train/1CH/1CH_004_Verse_041.mp3,"Yuda ƒe viŋutsu, Sela ƒe viŋutsuwoe nye Er, ame si dzi Leka, Lada, ame si dzi Maresa kple ame siwo nye avɔlɔ̃lawo nɔ Bet Asbea," data/train/1CH/1CH_027_Verse_002.mp3,"Ame si dze amexexlẽ la gɔmee nye Yoab, Zeruya ƒe vi gake mete ŋu wu enu o elabena Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israel ŋu eya ta womede amexexlẽ sia ƒe nukpɔkpɔ Fia David ƒe ŋutinya me o." data/train/1CH/1CH_017_Verse_015.mp3,Manye fofoa eye eya anye vinye. Nyemaɖe nye amenuveve kple lɔ̃lɔ ɖa le edzi abe ame si ɖu fia do ŋgɔ nɛ ene o. data/train/1CH/1CH_005_Verse_023.mp3,"Woƒe ƒometɔwo le woƒe hlɔ̃wo nu abe ale si wode wo dzidzimegbalẽ la me la, le ale: Yeiel, fia la kple Zekaria" data/train/1CH/1CH_002_Verse_023.mp3,"Hur, ame si nye Kaleb kple Efrata ƒe vi tsitsitɔ la, dzi Sobal, Kiriat Yearim fofo," data/train/1CH/1CH_002_Verse_052.mp3,"Yese ƒe vi gbãtɔe nye Eliab, eveliae nye Abinadab eye etɔ̃liae nye Simea;" data/train/1CH/1CH_024_Verse_030.mp3,Yahat nye Izhar ƒe dzidzimevi to Selomot dzi; data/train/1CH/1CH_011_Verse_039.mp3,"Tsã esi Saul nye fia gɔ̃ hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa, wò Mawu, gblɔ na wò be, ‘Wòe akplɔ nye dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.’ ”" data/train/1CH/1CH_002_Verse_017.mp3,"Esi Hezron xɔ ƒe blaade la eɖe Makir ƒe vinyɔnu eye wòdzi ŋutsuvi, Segub nɛ. Makir ƒe vi bubue nye Gilead." data/train/1CH/1CH_022_Verse_008.mp3,"Egblɔ na Solomo be, “Vinye, medi be nye ŋutɔ matu gbedoxɔ la hafi," data/train/1CH/1CH_012_Verse_036.mp3,"Woɖo ame akpe wuienyi (18,000) ɖa tso Manase ƒe viwo ƒe afã me be woakpe ɖe David ŋu wòazu fia." data/train/1CH/1CH_006_Verse_049.mp3,Kedemot kple Mefaat kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu. data/train/1CH/1CH_027_Verse_017.mp3,"Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Samut tso Izra. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti atɔ̃lia me." data/train/1CH/1CH_023_Verse_008.mp3,"Enɔ na wo hã be woatsi tsitre ada akpe, akafu Mawu ŋdi sia ŋdi. Woawɔ alea fiẽ sia fiẽ hã." data/train/1CH/1CH_009_Verse_017.mp3,Kohatitɔ la ƒe viŋutsuawo dometɔ aɖewo ƒe dɔe nye be woame abolo si wodana ɖe kplɔ̃ dzi Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe. data/train/1CH/1CH_028_Verse_015.mp3,"Ke Mawu gblɔ nam be, ‘Menye wòe atu xɔ na nye ŋkɔ o elabena aʋawɔlae nènye eye nèkɔ ʋu ɖi.’" data/train/1CH/1CH_006_Verse_016.mp3,"Asan, Yuta kple Bet Semes kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu na Aron ƒe dzidzimeviwo." data/train/1CH/1CH_012_Verse_037.mp3,Woɖu nu eye wono nu kple David ŋkeke etɔ̃ elabena wodzra ɖo na woƒe vava. data/train/1CH/1CH_006_Verse_073.mp3,Woda akɔ azɔ be woama anyigba mamlɛa ɖe Kohat ƒe dzidzimevi bubuawo dome eye woxɔ du ewo le Manase ƒe hlɔ̃ ƒe afã ƒe anyigba dzi. data/train/1CH/1CH_004_Verse_035.mp3,Wowu ame ʋɛe siwo susɔ tso Amalek ƒomea me eye wotsi afi ma va se ɖe egbe. data/train/1CH/1CH_029_Verse_014.mp3,“Ke ame kae menye eye ame kawoe nye amewo nye be nàɖe mɔ na mí be míana nane wò? Gbɔwòe nu sia nu si le mía si la tso eye nu si nye tɔwò xoxo la ko míetsɔ na wò! data/train/1CH/1CH_025_Verse_009.mp3,Nudzidze blaeve-vɔ-enelia dze Romamti Ezer kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_023_Verse_024.mp3,"Simei ƒe viŋutsuwoe nye, Selomot, Haziel kple Haran. Wo ame etɔ̃e. Ame siawoe nye Ladan ƒome la ƒe tatɔwo." data/train/1CH/1CH_007_Verse_021.mp3,"Izrahia nye Uzi ƒe vi. Izrahia ƒe viŋutsuwoe nye: Mikael, Obadia, Yoel kple Isia; wo ame atɔ̃ la katã nye dumegãwo." data/train/1CH/1CH_023_Verse_004.mp3,"David gblɔ be, “Ame siawo dometɔ akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) akpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu dzi eye ame akpe ade (6,000) nanye dɔnunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo." data/train/1CH/1CH_012_Verse_004.mp3,"Ame akpe blaeve-vɔ-enyi, alafa ade (28,600) tso Dan ƒe viwo dome. Wo katã wodzra ɖo na aʋawɔwɔ." data/train/1CH/1CH_006_Verse_082.mp3,Zebulon ƒe viwo tsɔ Rimono kple Tabor kpakple woƒe lãnyiƒewo na Merari ƒe viwo abe Sitsoƒeduwo ene. data/train/1CH/1CH_016_Verse_010.mp3,Elabena Yehowa lolo eye wòdze kafukafu ŋutɔ; ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã. data/train/1CH/1CH_017_Verse_000.mp3,"Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?” ’" data/train/1CH/1CH_019_Verse_000.mp3,"Amonitɔwo do go va woƒe dua ƒe agbo nu hena aʋawɔwɔ, eye fia siwo va la le aʋagbedzi wo tɔ wo tɔe." data/train/1CH/1CH_009_Verse_036.mp3,"Woda agbonudzɔlawo ɖe akpa eneawo dzi: ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe." data/train/1CH/1CH_020_Verse_008.mp3,"Le aʋa bubu si wowɔ le Gat me la, ame dzɔtsu aɖe to asibidɛ ade ɖe asi ɖe sia ɖe kple afɔbidɛ ade ɖe afɔ ɖe sia ɖe, asibidɛawo kple afɔbidɛawo de blaeve-vɔ-ene. Eya hã nye Rafa ƒe dzidzimevi." data/train/1CH/1CH_014_Verse_014.mp3,"Le aʋakpekpe sia megbe la, Filistitɔwo gblẽ woƒe legbawo ɖe anyi, ke David ɖe gbe eye wotɔ dzo wo katã." data/train/1CH/1CH_013_Verse_008.mp3,"Eya ta David metsɔ nubablaɖaka la va eɖokui gbɔ le David ƒe Du la me o, ke boŋ ekɔe yi ɖada ɖe Obed Edom, ame si tso Git la ƒe aƒe me." data/train/1CH/1CH_015_Verse_012.mp3,"David yɔ Zadok kple Abiata, ame siwo nye Nunɔlagãwo kple Uriel, Asaya, Yoel, Semaya, Eliel kple Aminadab, ame siwo nye Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo" data/train/1CH/1CH_006_Verse_069.mp3,Sitsoƒedu kple woƒe lãnyiƒe siwo Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ na Gerson ƒe viwo la nye: Golan le Basan kple Astarot. data/train/1CH/1CH_006_Verse_030.mp3,"Esiwo wotso na Aron viwoe nye: Hebron (Sitsoƒedu), Libna kple eŋu lãnyiƒe, Yatir kple Estemoa kple wo ŋu lãnyiƒewo." data/train/1CH/1CH_002_Verse_046.mp3,"Sesan tsɔ via nyɔnu na eƒe dɔlaŋutsu, Yarha, wòɖe eye wodzi Atai." data/train/1CH/1CH_023_Verse_023.mp3,"Nenema kee woawɔ nenye be wole numevɔwo sam na Yehowa le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzi, Dzinu yeye ŋkekenyuiwo kple ŋkekenyui ɖoɖi bubuwo dzi. Enɔ na wo be woasubɔ le Yehowa ŋkume le agbɔsɔsɔ aɖe sinu me ɣe sia ɣi le ɖoɖo si wogblɔ ɖa ɖi na wo la nu." data/train/1CH/1CH_004_Verse_007.mp3,"Estemoa srɔ̃ nye Yuda nyɔnu aɖe eye wòdzi Yered, Heber kple Yekutiel. Yered nye Gedor fofo, Heber nye Soko fofo eye Yekutiel nye Zanoah fofo." data/train/1CH/1CH_018_Verse_001.mp3,"Benaya, Yehoiada ƒe vi, nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fia la ŋu dzɔlawo ƒe amegãwo la nu le esime David ƒe viŋutsuwo nye fia la ŋumewo ƒe tatɔwo." data/train/1CH/1CH_017_Verse_009.mp3,Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe dzidzimeviwo naɖu fia tegbetegbe. data/train/1CH/1CH_010_Verse_011.mp3,Saul ku le eƒe tomaɖomaɖo Yehowa kple ale si wòyɔ ŋɔli bia gbee se ta. data/train/1CH/1CH_001_Verse_035.mp3,"Le Samla ƒe ku megbe la, Siaul tso Rehobot, du si le tɔsisi aɖe ŋu la ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/1CH/1CH_021_Verse_017.mp3,"Ke fia la ƒe nya ɖu Yoab kple aʋafia bubuawo tɔ dzi ta la, Yoab wɔ nu si wòɖo nɛ. Ezɔ mɔ to Israelnyigba blibo la dzi eye wòtrɔ yi Yerusalem." data/train/1CH/1CH_021_Verse_002.mp3,"Ale Gad yi David gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Nya si Yehowa gblɔe nye, ‘Tsɔ ɖeka le nu etɔ̃awo dome." data/train/1CH/1CH_023_Verse_021.mp3,"Mose ƒe viŋutsuwoe nye, Gersom kple Eliezer." data/train/1CH/1CH_016_Verse_023.mp3,"Mawu gblɔ na fia mawo be, “Migaka asi nye amesiaminawo o eye migawɔ nuvevi nye nyagblɔɖilawo o.”" data/train/1CH/1CH_028_Verse_008.mp3,"Etsɔ nu siwo katã gbɔgbɔ la de eƒe susu me be wòawɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo, xɔ siwo katã ƒo xlãe na Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo kple fia wɔnuteƒewo ƒe nudzraɖoƒe ƒe tatawo hã nɛ." data/train/1CH/1CH_009_Verse_004.mp3,Ame siawo katã nye hlɔ̃mefiawo. Benyamin ƒe dzidzimevi siawo nye ame alafa asiekɛ blaatɔ̃-vɔ-ade (956). data/train/1CH/1CH_021_Verse_011.mp3,"Esi David kpɔ mawudɔla la wònɔ tsitre ɖe dziƒo kple anyigba dome, ɖe eƒe yi le aku me eye wòdoe ɖe Yerusalem gbɔ la, eya kple Israel ƒe ametsitsiwo ta akpanya eye wodze anyi ɖe Yehowa ŋkume, le konyifafa me." data/train/1CH/1CH_011_Verse_005.mp3,"Aʋawɔla xɔŋkɔ bubu siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye: Asahel, Yoab nɔvi; Elhanan, Dodo ƒe vi tso Betlehem;" data/train/1CH/1CH_010_Verse_002.mp3,Aʋa la nu sẽ ŋutɔ na Saul eye esi aŋutrɔdalawo tui la wode abi eŋu vevie. data/train/1CH/1CH_023_Verse_003.mp3,"Azɔ ya la, magahiã be Levitɔwo natsɔ Agbadɔ la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le eme la tso teƒe ɖeka ayi teƒe bubu o.”" data/train/1CH/1CH_002_Verse_003.mp3,"Aka, Karmi ƒe vie nye ame si he fukpekpe va Israel dzi elabena efi nu kɔkɔewo." data/train/1CH/1CH_007_Verse_015.mp3,"Efraim ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Seera, eyae tu Bet Horon Anyigbetɔ kple Bet Horon Dzigbetɔ siaa kple Uzen Seera." data/train/1CH/1CH_012_Verse_031.mp3,"Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Amasai, Ame Blaetɔ̃awo ƒe tatɔ dzi eye wògblɔ be, “Oo David, tɔwòwoe míenye! Oo Yese viŋutsu, míeli kpli wò! Ŋutifafa, ŋutifafa na wò eye ŋutifafa na ame siwo kpena ɖe ŋuwò, elabena wò Mawu la akpe ɖe ŋuwo.” Ale David xɔ wo eye wòtsɔ wo ɖo eƒe adzohawo nu." data/train/1CH/1CH_016_Verse_025.mp3,Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyo Eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. data/train/1CH/1CH_011_Verse_011.mp3,"David ƒe aʋawɔla xɔŋkɔtɔwo, ame siwo do ŋusẽ Israel ƒe kplɔlawo be woatsɔ David aɖo fiae abe ale si Yehowa gblɔ be ava eme ene la le ame etɔ̃." data/train/1CH/1CH_009_Verse_015.mp3,"Ibnea, Yeroham ƒe vi; kple Ela Uzi ƒe vi kple Mikri ƒe tɔgbuiyɔvi; kple Mesulam, Safatis ƒe vi; Sefatia fofoe nye Reuel eye Reuel fofoe nye Ibniya." data/train/1CH/1CH_017_Verse_011.mp3,"Gawu la, mana teƒe nye dukɔ, Israel, mali ke wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame vɔ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea me ene" data/train/1CH/1CH_026_Verse_030.mp3,"Yehieli ƒe vi bubu eveawo, Zetam kple Yoel, kpɔa gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe kple nudzraɖoƒe dzi." data/train/1CH/1CH_005_Verse_024.mp3,Yoel nye lãnyila; enyi woƒe lãwo le gbegbe la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo heyi ɖe Frat tɔsisi la gbɔ elabena nyi geɖewo nɔ Gileadnyigba dzi. data/train/1CH/1CH_009_Verse_025.mp3,Miklot kple via Simeam nɔ Yerusalem te ɖe woƒe ƒometɔwo ŋu. data/train/1CH/1CH_029_Verse_021.mp3,"Oo, mía Mawu, míeda akpe na wò eye míekafu wò ŋkɔ kɔkɔe la." data/train/1CH/1CH_028_Verse_020.mp3,"Sẽ ŋu eye nàlé dzi ɖe ƒo. Mègana dɔdeasi la ƒe akɔtitri nado ŋɔdzi na wò o elabena Yehowa, Mawu nye Mawu la li kpli wò eye magblẽ wò ɖi o. Akpɔ egbɔ be wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu nu nyuie." data/train/1CH/1CH_004_Verse_011.mp3,eye woyi Gedor ƒe gbɔto le balime la ƒe ɣedzeƒe gome le gbeɖuƒe dim na woƒe lãhawo. data/train/1CH/1CH_024_Verse_029.mp3,"Woma Eleazar ƒe dzidzimeviwo ɖe akpa wuiade me eye woma Itamar tɔwo ɖe akpa enyi me elabena ame siwo ŋu amekpɔkplɔ ƒe ŋutete nɔ la, sɔ gbɔ le Eleazar ƒe dzidzimeviwo dome wu." data/train/1CH/1CH_006_Verse_047.mp3,"(Ke agbledeƒe kple kɔƒe siwo ƒo xlã du gã la, wotsɔ wo na Kaleb, Yefune ƒe vi.)" data/train/1CH/1CH_007_Verse_004.mp3,"Aser ƒe dzidzimeviwo katã nye ƒometatɔwo kple aʋawɔla nyuiwo. Wode aʋawɔla akpe blaeve-vɔ-ade (26,000)." data/train/1CH/1CH_017_Verse_010.mp3,"Eye dukɔ kae le abe wò dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo le wò dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ." data/train/1CH/1CH_028_Verse_000.mp3,"Azɔ la, David tsɔ xɔ la kple eƒe xɔxɔnuwo, nudzraɖoƒewo, xɔtamexɔwo, xɔ emetɔwo, kɔkɔeƒe la kple amenuveveteƒe la ƒe tata na ƒe via Solomo." data/train/1CH/1CH_024_Verse_027.mp3,"Wodzidze nu hafi de dɔ asi na wo abe Aron ƒe dzidzimeviwo ene; womebu woƒe tsitsi alo ɖoƒe ŋu o. Wowɔe le Fia David, Zadok, Ahimelek kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Levitɔwo ŋkume." data/train/1CH/1CH_029_Verse_025.mp3,"Tɔwòe nye ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, dziɖuɖu kple gãnyenye. Oo, Yehowa, tɔwòe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, míekafu wò be nu sia nu le wò dzikpɔkpɔ te." data/train/1CH/1CH_022_Verse_019.mp3,Yehowa nana gɔmesese wò ale be nàlé eƒe sewo me ɖe asi ne eɖo wò fiae ɖe Israel dzi. data/train/1CH/1CH_021_Verse_015.mp3,"Fia David ɖo eŋu na Arauna be, “Ao, maƒlee ko. Maxe fe si dze la, ɖe eta. Nyemate ŋu atsɔ nu si nye tɔwò la asa vɔe na Yehowa, asa numevɔ kple nu siwo ta nyemexe fe aɖeke ɖo o!”" data/train/1CH/1CH_024_Verse_012.mp3,Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Eliasib. Hatsotso wuievelia ƒe kplɔlae nye Yakim. data/train/1CH/1CH_009_Verse_041.mp3,"Yonatan dzi Mefiboset, ame si wogayɔna hã be Meribaal eye eya hã dzi Mika." data/train/1CH/1CH_019_Verse_005.mp3,"Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, Hanun kple Amonitɔwo tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade be woaɖada aʋatasiaɖamwo kple wo dolawo tso Aram Naharaim, Aram Maaka kple Zoba." data/train/1CH/1CH_007_Verse_003.mp3,Anyigba si dzi wonɔ la do liƒo kple Betel kple du siwo ƒo xlãe; edo liƒo kple Naran le ɣedzeƒe kple Gezer kple eƒe duwo le ɣetoɖoƒe eye wògado liƒo kple Sekem kple du siwo ƒo xlãe heyi Aya kple du siwo ƒo xlãe. data/train/1CH/1CH_006_Verse_066.mp3,"Samuel ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Samuel me la woe nye: Yoel, Via ŋutsu tsitsitɔ kple evelia, Abiya." data/train/1CH/1CH_006_Verse_076.mp3,Wotsɔ hadzidzi subɔ le le Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ va se ɖe esime Solomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖe Yerusalem eye hadzilawo yi woƒe dɔ dzi le ɖoɖo nu. data/train/1CH/1CH_010_Verse_008.mp3,"Ke esi mebia Yehowa be wòafia nu si yeawɔ o la ta, Yehowa na wòku eye wòtsɔ eƒe fiaɖuƒe la na David, Yese ƒe vi." data/train/1CH/1CH_017_Verse_016.mp3,Matsɔe aɖo nye aƒe kple nye fiaɖuƒe nu tegbetegbe ale eƒe dzidzimeviwo aɖu fia ɣeawo katã ɣi.’ ” data/train/1CH/1CH_023_Verse_016.mp3,"Le amexexlẽ la me la, woda Levi ƒe vi siwo katã xɔ ƒe blaeve kple edzivɔ la ɖe hlɔ̃ kple aƒekɔ siawo me eye woɖo na wo be woawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ la me" data/train/1CH/1CH_027_Verse_005.mp3,Baal Hanan tso Gedera kpɔa fia la ƒe amiti kple gboti siwo le gbadzaƒe si do liƒo kple Filistitɔwo ƒe anyigba dzi eye Yoas kpɔa ami si ŋu dɔ wowɔna la dzi. data/train/1CH/1CH_024_Verse_013.mp3,Hatsotso ɖe sia ɖe wɔ eƒe dɔdeasi le gbedoxɔ la me abe ale si Mawu ɖoe da ɖi to wo fofo Aron dzi ene. data/train/1CH/1CH_019_Verse_003.mp3,Ena akpa evelia si nɔ nɔvia Abisai ƒe kpɔkplɔ te la kpe aʋa kple Amonitɔwo. data/train/1CH/1CH_021_Verse_003.mp3,"Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi eye wòwu ame akpe blaadre (70,000)." data/train/1CH/1CH_023_Verse_000.mp3,"Ale Levitɔwo wɔa woƒe dɔdeasiwo le Agbadɔ la me, le Kɔkɔeƒe la me eye wowɔnɛ le wo nɔvi siwo nye Aron ƒe dzidzimeviwo la ƒe dzikpɔkpɔ te. Wowɔa dɔ siawo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me." data/train/1CH/1CH_012_Verse_007.mp3,Ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu le Hebron eye wodi vevie be David naɖu fia ɖe Saul teƒe abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Ame siawoe nye: data/train/1CH/1CH_005_Verse_016.mp3,"Wodo gbe ɖa na Mawu, bia eƒe kpekpeɖeŋu eye wòkpe ɖe wo ŋu le woƒe ŋuɖoɖo ɖe eŋu ta. Ale woɖu Hagritɔwo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo dzi." data/train/1CH/1CH_012_Verse_040.mp3,"Ŋutsu aɖewo tso Manase ƒe to la me ame siwo si va de David dzi esi wònɔ Filistitɔwo gbɔ be wòawɔ aʋa kple Saul. (Eya kple eƒe ameawo mekpe ɖe Filistitɔwo ŋu o elabena le aɖaŋudede megbe la, Filistitɔwo ƒe fiawo na wòtrɔ dzo. Wogblɔ be, “Woava tso ta le mía nu nenye be esi yi eƒe aƒetɔ Saul gbɔ.”)" data/train/1CH/1CH_011_Verse_031.mp3,"Ke wotɔ ɖe agble la titina, hexɔe eye wowu Filistitɔwo. Yehowa na woɖu dzi gã aɖe." data/train/1CH/1CH_016_Verse_027.mp3,"Mido ɣli be, “Oo Mawu, mia Ɖela, ɖe mí, Ƒo mía nu ƒu eye nàɖe mí tso dukɔwo ƒe asi me. Be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, Be míadzɔ dzi le wò kafukafu me.”" data/train/1CH/1CH_026_Verse_027.mp3,"Wotia Selomɔt kple nɔviawo be woakpɔ nu siwo Fia David kple kplɔla bubuawo abe, asrafomegãwo ene, na Yehowa la dzi." data/train/1CH/1CH_004_Verse_019.mp3,"kple kɔƒe siwo katã ƒo xlã du siawo va se ɖe Baalat. Esiawoe nye woƒe duwo, eye dzidzimegbalẽ nɔ wo si." data/train/1CH/1CH_006_Verse_072.mp3,"Tso Ruben ƒe to la me le Yɔdan ƒe akpa kemɛ le Yeriko kasa la, woxɔ Bezer le gbegbe la, Yaza," data/train/1CH/1CH_029_Verse_008.mp3,"Emegbe la, woɖu nu eye wono nu le Yehowa ŋkume kple dzidzɔ gã aɖe. Wogaɖo Fia David ƒe vi, Solomo, woƒe Fiae zi evelia kpe ɖe Fia David ŋu. Wosi ami nɛ le Yehowa ŋkume abe woƒe kplɔla ene eye wosi ami na Zadok abe woƒe Nunɔla ene." data/train/1CH/1CH_016_Verse_028.mp3,"Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ, Miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo;" data/train/1CH/1CH_021_Verse_022.mp3,"Le ɣe ma ɣi me, esi David kpɔ be Yehowa ɖo yeƒe gbedodoɖa ŋu le Yebusitɔ, Arauna ƒe lugbɔƒea la, esa vɔwo le afi ma." data/train/1CH/1CH_013_Verse_003.mp3,Azɔ David vɔ̃ Mawu eye wòbia be “Aleke mawɔ hafi ate ŋu atsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ava aƒee?” data/train/1CH/1CH_027_Verse_031.mp3,"Yasobeam, Zabdiel ƒe viŋutsu, nɔ hatsotso gbãtɔ nu le ɣleti gbãtɔ me. Ame akpe blaeve-vɔ-enee (24,000) nɔ eƒe hatsotso la me." data/train/1CH/1CH_001_Verse_018.mp3,"Esi Yobab ku la, Husam tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi ɖu fia ɖe eteƒe," data/train/1CH/1CH_026_Verse_028.mp3,"Wotsɔ gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe kplɔlawo ƒe ŋkɔwo na hatsotso vovovo siwo me woma dzɔlawo ɖo. Abe Levitɔ bubuawo ene la, woƒe dɔdeasie nye be woawɔ subɔsubɔdɔwo le gbedoxɔ la me." data/train/1CH/1CH_005_Verse_021.mp3,"Woƒe hlɔ̃wo ƒe fiawoe nye Efer, Isi, Eliel, Azriel, Yeremia, Hodavia kple Yahdiel. Wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ŋkɔ abe aʋawɔla kple kplɔla ene." data/train/1CH/1CH_026_Verse_032.mp3,"Ƒometɔ akpe eve alafa adre (2,700) nɔ Yeria si. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋutete nɔ, wonye ƒometatɔwo. Fia David tsɔ wo ɖo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nu be woakpɔ nya sia nya si ku ɖe Mawu kple fia la ŋu la gbɔ." data/train/1CH/1CH_021_Verse_021.mp3,"Le dɔvɔ̃ la ƒe ɣeyiɣi me la, Mawu ɖo mawudɔla aɖe ɖa be wòagbã Yerusalem, ke egakpɔ nublanui na du la ale gbegbe be, wòtrɔ ta me eye wòɖe gbe na mawudɔla la be, “Esɔ gbɔ!” Mawudɔla la nɔ tsitre ɖe Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe ɣe ma ɣi." data/train/1CH/1CH_026_Verse_015.mp3,Obed Edom ƒe vi kple tɔgbuiyɔvi siawo de ame blaade-vɔ-eve eye wo katã wonye ame siwo ŋu ŋutete kple ŋusẽ nɔ eye wodze na woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ. data/train/1CH/1CH_016_Verse_036.mp3,"Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la Tso mavɔ me yi mavɔ me. Tete ameawo katã xɔ ɖe edzi be, “Amen, mikafu Yehowa.”" data/train/1CH/1CH_017_Verse_017.mp3,menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me. data/train/1CH/1CH_016_Verse_008.mp3,"Dziƒowo, mitso aseye, anyigba nedzɔ dzi. Wonegblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowae le fia ɖum.”" data/train/1CH/1CH_012_Verse_027.mp3,"Kpuiƒetsolawo kple ame siwo tso didiƒe ke abe Isaka, Zebulon kple Naftali ene la tsɔ nuɖuɖu ɖe tedziwo, kposɔwo kple nyiwo dzi vɛ. Wotsɔ wɔ, akpɔnɔ, waintsetse, wain, ami, nyiwo kple alẽwo vɛ hena kplɔ̃ɖoɖo elabena dzidzɔ yɔ Israel ƒe anyigba blibo la dzi." data/train/1CH/1CH_019_Verse_007.mp3,"Esi Hadadezer ƒe amewo kpɔ be Israel si yewo la, wowɔ ŋutifafa kple David eye wozu etenɔlawo. Tso esia dzi la, Aramtɔwo megakpe ɖe Amonviwo ŋu le woƒe aʋawɔwɔ me kpɔ o." data/train/1CH/1CH_002_Verse_044.mp3,Segub nye Yair fofo. Du blaeve-vɔ-etɔ̃ nɔ Yair ƒe kpɔkplɔ te le Gileadnyigba dzi. data/train/1CH/1CH_020_Verse_003.mp3,"Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ laxalaxadɔwo, fiwo kple fiadɔwo. David wɔ alea le Amonitɔwo ƒe duwo katã me. Emegbe David kple eƒe aʋakɔ blibo la gbugbɔ yi Yerusalem." data/train/1CH/1CH_021_Verse_004.mp3,"Arauna gblɔ na David be, “Xɔe! Nye aƒetɔ, fia la newɔ nu sia nu si dze eŋu. Kpɔ ɖa, mana nyitsu hena numevɔsa la, luƒotiwo hena nake eye lu hena nuɖuvɔsa la. Matsɔ esiawo katã na wò.”" data/train/1CH/1CH_004_Verse_039.mp3,"Yokim, Kozeba, Yoas kple Saraf ŋutsuwo, ame siwo ɖu fia le Moab kple Yasubi Lehem. Ŋkɔ siawo tso nuŋlɔɖi xoxoawo me." data/train/1CH/1CH_029_Verse_024.mp3,"Tete ƒometatɔwo, Israel ƒe towo ƒe tatɔwo, asrafo akpe ɖeka kple asrafo alafa ɖeka nunɔlawo kple fia la ƒe dɔnunɔlawo na nu lɔlɔ̃nutɔe." data/train/1CH/1CH_018_Verse_017.mp3,"Zadok, Ahitub ƒe vi kple Ahimelek, Abiata ƒe vi nye nunɔlawo eye Sausa nye fia la ƒe nuŋlɔla." data/train/1CH/1CH_024_Verse_005.mp3,Hatsotso blaeve-vɔ-etɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Delaya eye hatsotso blaeve-vɔ-enelia ƒe kplɔlae nye Mazia. data/train/1CH/1CH_009_Verse_030.mp3,"Nunɔla siwo trɔ gbɔ la ƒe xexlẽmee nye akpe ɖeka, alafa adre blaade (1,760). Ame siwo nye ame zãzɛwo le Mawu ƒe aƒe dɔwo wɔwɔ me." data/train/1CH/1CH_011_Verse_036.mp3,"Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene." data/train/1CH/1CH_017_Verse_020.mp3,"“Nya kae David agagblɔ na wò le bubu si nède wò dɔla ŋu ŋuti? Elabena ènya wò dɔla," data/train/1CH/1CH_009_Verse_005.mp3,Ame siawo katã nye Levi ƒomewo ƒe tatɔwo kple hlɔ̃memetsitsiwo abe ale si wòdze le woƒe dzidzimegbalẽ la me ene eye wonɔ Yerusalem. data/train/1CH/1CH_008_Verse_004.mp3,Ame siwo nye fiawo le hlɔ̃wo nu le Yerusalem woe nye: data/train/1CH/1CH_002_Verse_048.mp3,"Srɔ̃a ma ke dzi vinyɔnuvi eve nɛ. Woawoe nye Zeruia kple Abigail. Zeruya ƒe viŋutsuwoe nye Abisai, Yoab kple Asahel." data/train/1CH/1CH_004_Verse_000.mp3,Ame siawo xɔ ŋkɔ le zememe kple agbledede le Nataim kple Gedera me eye wowɔa dɔ na fia la. data/train/1CH/1CH_023_Verse_011.mp3,"Gersom ƒe dzidzimeviwoe nye, Subael, ame si nye viŋutsu gbãtɔ." data/train/1CH/1CH_016_Verse_041.mp3,Yehowa meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o Eka mo na fiawo le wo ta data/train/1CH/1CH_002_Verse_047.mp3,"Sobal ƒe viwoe nye Kiriat Yearim kple Haroe, ame si ƒe dzidzimeviwoe nye Menuhot tɔwo ƒe afã." data/train/1CH/1CH_006_Verse_037.mp3,"Hadzihakplɔlawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dzidzimeviwo le ale: Hadzila Heman tso Kohat ƒe hlɔ̃ la me. Eƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Israel dzi la yi ale: Yoel, Samuel," data/train/1CH/1CH_027_Verse_019.mp3,"Hatsotso enyilia ƒe tatɔe nye Sibekai tso Husasi ƒe hlɔ̃ me tso Zera. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti enyilia me." data/train/1CH/1CH_017_Verse_001.mp3,"ale be wòali ke eye wò ŋkɔ anye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Mawu si le Israel dzi ɖum la, eyae nye Israel ƒe Mawu!’ Eye wò dɔla, David ƒe aƒe ali ke le ŋkuwòme." data/train/1CH/1CH_008_Verse_032.mp3,Ulam ƒe viwo nye aʋawɔla xɔŋkɔwo eye woƒe alɔ dzɔna le aŋutrɔdada me. Viŋutsu kple tɔgbuiyɔvi alafa ɖeka blaatɔ̃ (150) nɔ esi eye wo katã wonye Benyamin ƒe dzidzimeviwo. data/train/1CH/1CH_019_Verse_008.mp3,"Esi wogblɔ nya sia na David la, eƒo Israel blibo la nu ƒu, tso Yɔdan eye wodze aʋa ɖe wo ŋu. David ho aʋa ɖe Aramtɔwo ŋu eye Aramtɔwo wɔ aʋa kplii." data/train/1CH/1CH_013_Verse_011.mp3,Mina míaɖatsɔ míaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la va mía gbɔe elabena míebia eta le Saul ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me o.” data/train/1CH/1CH_018_Verse_013.mp3,"Fia David kɔ nunana siawo kple klosalo kple sika si wòkpɔ tso Edomtɔwo, Moabtɔwo, Amonitɔwo, Amalekitɔwo kple Filistitɔwo gbɔ la ŋu na Yehowa." data/train/1CH/1CH_019_Verse_006.mp3,"Esi David se nya sia la, eɖo Yoab kple aʋakɔ blibo la ɖa." data/train/1CH/1CH_016_Verse_043.mp3,Ɣe ma ɣie David dze hadzilawo ŋu dɔ wɔwɔ gɔme le Agbadɔ la me be woadzi akpedaha na Yehowa. Ame si nɔ hadzilawo nue nye Asaf. data/train/1CH/1CH_024_Verse_011.mp3,Hatsotso wuietɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Hupa. Hatsotso wuienelia ƒe kplɔlae nye Yesebeab. data/train/1CH/1CH_006_Verse_011.mp3,ame si woɖe aboyoe esime Yehowa na Nebukadnezar ɖe aboyo ame siwo nɔ Yuda kple Yerusalem. data/train/1CH/1CH_015_Verse_005.mp3,"Ame alafa ɖeka blaetɔ̃ (130) siwo nu, Yoel nɔ la, tso Gerson ƒe viwo dome." data/train/1CH/1CH_029_Verse_017.mp3,"Mewɔ nu sia nu si le nye ŋutete me eye medi nu siwo katã hiã na xɔ la tutu, esiwo nye sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ, ati, ‘oni’ kple kpe xɔasi bubuwo, adzagba xɔasiwo kple kpeɣi." data/train/1CH/1CH_028_Verse_006.mp3,Eda sika si ade na akaɖitiawo kple akaɖiawo wɔwɔ la nɛ. Egada klosalo si woatsɔ awɔ bosomikaɖitiwo kple akaɖigbɛawo ɖe ale si woawɔ ɖe sia ɖe ŋudɔe la nu. data/train/1CH/1CH_015_Verse_006.mp3,"Ame alafa ɖeka blaeve (120) tso Kohat ƒe viwo dome, woƒe Nunɔlae nye Uriel." data/train/1CH/1CH_011_Verse_006.mp3,"Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la, wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza." data/train/1CH/1CH_004_Verse_010.mp3,"Eyae do gbe ɖa na Israel ƒe Mawu be, “Oo, yram eye nàkpe ɖe ŋunye le nye dɔwɔwɔ me. Meɖe kuku, nɔ kplim le nu sia nu si mawɔ la me eye nàɖem tso nu vɔ̃ kple dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.” Mawu se eƒe gbedodoɖa." data/train/1CH/1CH_009_Verse_034.mp3,"Wo dometɔ aɖewo ƒe dɔe nye woakpɔ agba vovovo siwo ŋu dɔ wowɔna le mawusubɔsubɔ me la dzi, woaxlẽ wo ne wotsɔ wo vɛ kple ne wotsɔ wo do goe." data/train/1CH/1CH_006_Verse_064.mp3,"Naftali ƒe viwo tsɔ Kedes le Galilea, Hamon kple Kiriataim kple woƒe lãnyiƒewo na wo." data/train/1CH/1CH_004_Verse_043.mp3,Ŋutsu siwo ƒe ŋkɔ woyɔ va yi la woe nye woƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo. Woƒe ƒomewo dzi ɖe edzi fũu data/train/1CH/1CH_007_Verse_026.mp3,"Makir nye ame si di srɔ̃wo na Hupim kple Supim. Makir nɔvinyɔnu nye Maaka. Makir ƒe vi bubue nye Zelofehad, ame si si vinyɔnuwo ɖeɖe ko nɔ." data/train/1CH/1CH_007_Verse_027.mp3,"Makir srɔ̃ hã ŋkɔe nye Maaka; edzi ŋutsuvi ɖeka eye wòna ŋkɔe be Peres; nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Seres, ame si dzi ŋutsuvi eve, Ulam kple Rakem." data/train/1CH/1CH_019_Verse_015.mp3,Nu sia na Fia Hanun lé Fia David ƒe amewo. Ena wolũ ge na wo eye wolã woƒe awuwo le woƒe agɔnu ale be woɖe amama ɖe agɔnu eye wòdo mɔ wo. data/train/1CH/1CH_027_Verse_033.mp3,"Yuda ƒe viwo Nunɔlae nye Elihu, Fia David nɔvi; Isaka ƒe viwo Nunɔlae nye Omri, Mikael ƒe vi;" data/train/1CH/1CH_025_Verse_029.mp3,"Woawo kple woƒe ƒometɔwo, ame siwo srɔ̃ hadzidzi henya hadzidzi na Yehowa nyuie la ƒe xexlẽmee nye alafa eve blaenyi-vɔ-enyi." data/train/1CH/1CH_017_Verse_026.mp3,"“Wò, nye Mawu, èɖee fia wò dɔla be yeatu xɔ nɛ eya ta dzideƒo le wò dɔla si be wòado gbe ɖa na wò." data/train/1CH/1CH_013_Verse_013.mp3,Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu eye wòwui ɖe esi wòka asi nubablaɖaka la ŋu ta. Ale Uza ku ɖe afi ma le Mawu ƒe ŋkume. data/train/1CH/1CH_024_Verse_010.mp3,Hatsotso wuiatɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Bilga. Hatsotso wuiadelia ƒe kplɔlae nye Imer. data/train/1CH/1CH_011_Verse_016.mp3,"Eliel tso Mahavi; Yeribai kple Yosavia, ame siwo nye Elnaam ƒe viwo; Itma tso Moab;" data/train/1CH/1CH_023_Verse_001.mp3,"Ame akpe ene (4,000) anye agbonudzɔlawo eye akpe ene (4,000) nakafu Yehowa kple haƒonu siwo metsɔ na mi hena Mawu kafukafu.”" data/train/1CH/1CH_014_Verse_017.mp3,"Vi siwo wodzi na Fia David le Yerusalem la ƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Sobab, Natan, Solomo," data/train/1CH/1CH_005_Verse_018.mp3,Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖe dzidzimegbalẽ la me le Yuda fia Yotam kple Israel fia Yeroboam ƒe fiaɖuɣi. data/train/1CH/1CH_021_Verse_019.mp3,"Ke Yoab melɔ̃ ɖe nya sia dzi o. Ebia David be, “Ne Yehowa na eƒe amewo dzi ɖe edzi zi alafa ɖeka hã la, ɖe wo katã manye tɔwòwo oa? Nu ka ta nèle didim be míawɔ nu sia? Nu ka ta nàna Israel nakpɔ fɔbubu?”" data/train/1CH/1CH_009_Verse_035.mp3,"Woawo kple woƒe dzidzimeviwoe dzɔa Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, aƒe si woyɔna be Agbadɔ." data/train/1CH/1CH_021_Verse_000.mp3,Ale David wɔ ɖe nya si Gad gblɔ nɛ le Yehowa ƒe ŋkɔ me la dzi. data/train/1CH/1CH_017_Verse_004.mp3,"alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mabɔbɔ wò futɔwo ɖe anyi. Mele gbeƒã ɖem na wò be, Yehowa ŋutɔ atso aƒe na wò." data/train/1CH/1CH_016_Verse_001.mp3,"Ame siwo wode dɔ sia asi na la, woe nye: Obed Edom, Yedutun ƒe vi, Hosa kple wo nɔvi blaade-vɔ-enyi, ame siwo nye agbonudzɔlawo." data/train/1CH/1CH_015_Verse_001.mp3,"Ale Israel katã tsɔ dzidzɔɣlidodo, lãdzowo kple kpẽwo kuku, gakogoewo kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒoƒo sesĩe tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi Yerusalem." data/train/1CH/1CH_011_Verse_033.mp3,"Le esia megbe la, David kple Israel blibo la ho aʋa ɖe Yerusalem, du si woyɔna tsã be Yebus la ŋu. Yebusitɔwo nye ame siwo nye anyigba la dzi nɔla gbãtɔwo." data/train/1CH/1CH_016_Verse_011.mp3,"Esi aseyetsotso la wu enu eye ame sia ame trɔ yi eƒe aƒe me la, David hã trɔ yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo." data/train/1CH/1CH_005_Verse_009.mp3,"kple Bela, Azaz ƒe viŋutsu, Sema ƒe viŋutsu kple Yoel ƒe viŋutsu. Wonɔ teƒe si tso Aroer yi Nebo kple Baal Meon." data/train/1CH/1CH_011_Verse_007.mp3,"David gblɔ be, “Ame sia ame si atre Yebusitɔwo sisi la, azu aʋafia.” Yoab, Zeruya ƒe viŋutsu dze Yebusitɔwo dzi gbã eye wòzu aʋafia la." data/train/1CH/1CH_011_Verse_017.mp3,Enɔ David ŋu le aʋa si Israelviwo wɔ kple Filistitɔwo le Pas Damim la me. Lu le agble aɖe me fũ le afi ma. Ke Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si le Filistitɔwo nu. data/train/1CH/1CH_025_Verse_010.mp3,Nudzidze blaeve-vɔ-etɔ̃lia dze Mahaziot kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_014_Verse_000.mp3,"Ale David kple eƒe aʋakɔ la yi ɖadze Filistitɔwo dzi le Baal Perazim eye wòtsrɔ̃ wo. Egblɔ be, “Mawu to dzinye kplɔ nye futɔwo dzoe abe ale si tsi ŋɔna tso tsixaɖoƒe ene!” Esia ta wòna ŋkɔ teƒe la tso ɣe ma ɣi be, “Baal Perazim” si gɔmee nye, “Aƒetɔ si gba go.”" data/train/1CH/1CH_025_Verse_002.mp3,"Ame siwo tso Yedutun ƒe viŋutsuwo dome la woe nye: Gedalia, Zeri, Yesaya, Simei, Hasabia kple Matitia. Wo katã le ame ade eye wonɔ wo fofo, Yedutun ƒe kpɔkplɔ te. Woawoe nye ame siwo gblɔa nya ɖi eye woƒoa kasaŋku, daa akpe eye wokafua Yehowa." data/train/1CH/1CH_011_Verse_020.mp3,"Eye wòwu Egiptetɔ aɖe, ame si ƒe kɔkɔme anɔ mita eve kple afã. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ si tri abe abaladoti ene ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui." data/train/1CH/1CH_019_Verse_016.mp3,Tete Yoab kple eƒe aʋakɔwo lũ ɖe Aramtɔwo dzi be woakpe aʋa kpli wo eye Aramtɔwo si le wo nu. data/train/1CH/1CH_002_Verse_029.mp3,"(Ke Gesur kple Aram xɔ Havot Yair kple Kenat kple du sue blaade siwo ƒo xlãe la le esi sesẽtɔe.) Ame siawo katã nye Makir, si nye Gilead fofo la ƒe viwo." data/train/1CH/1CH_007_Verse_008.mp3,"Bela ƒe viŋutsuwoe nye: Ezbon, Uzi, Uziel, Yerimot kple Iri. Ame atɔ̃ siawo katã nye ƒomewo ƒe tatɔwo. Aʋawɔla siwo le woƒe dzidzimeawo me la nye ame akpe blaeve-vɔ-eve kple blaetɔ̃-vɔ-ene (22,034). Wode dzesi wo katã ɖe dzidzimegblalẽwo me." data/train/1CH/1CH_027_Verse_020.mp3,"Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Dodai, Ahohitɔ ƒe dzidzimevi. Ekpɔ ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) dzi eye eƒe amewo wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti evelia me. Eƒe kpeɖeŋutɔe nye Miklɔt." data/train/1CH/1CH_028_Verse_001.mp3,"David gblɔ na Solomo be, “Yehowa ƒe asie ŋlɔ ɖoɖo siawo katã nam." data/train/1CH/1CH_001_Verse_050.mp3,Vi eve nɔ Eber si: Woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo. data/train/1CH/1CH_024_Verse_002.mp3,Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Hakɔz. Hatsotso enyilia ƒe tatɔe nye Abiya. data/train/1CH/1CH_009_Verse_044.mp3,"Ƒome siawo dometɔ ɖekae nye Utai ƒe ƒome. Utai nye Amihud ƒe vi, Amihud nye Omri ƒe vi, Omri nye Imri ƒe vi eye Imri nye Bani ƒe vi tso Yuda vi Perez ƒe viwo dome." data/train/1CH/1CH_025_Verse_012.mp3,Nudzidze blaeve-vɔ-ɖekɛlia dze Hotir kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_011_Verse_003.mp3,"Ame Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ." data/train/1CH/1CH_027_Verse_009.mp3,"Efraim ƒe viwo Nunɔlae nye Hosea, Azazia ƒe vi; Manase ƒe viwo ƒe afã ɖeka Nunɔlae nye Yoel, Pedaya ƒe vi;" data/train/1CH/1CH_016_Verse_040.mp3,"Wosa numevɔ na Yehowa ŋdi sia ŋdi, fiẽ sia fiẽ le numevɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo na Israel ene." data/train/1CH/1CH_022_Verse_010.mp3,"“Eya ta ne èlé se kple ɖoɖo siwo wòna Israel to Mose dzi me ɖe asi la, nuwo adze edzi na wò. Wɔ kalẽ eye nàlé dzi ɖe ƒo; mègavɔ̃ o, ke boŋ nàtsɔ dzo ɖe wò dɔwo ŋu!" data/train/1CH/1CH_022_Verse_018.mp3,Tirotɔwo kple Sidontɔwo tso sedati geɖewo vɛ na David. data/train/1CH/1CH_024_Verse_009.mp3,Hatsotso wuiasiekelia ƒe kplɔlae nye Petahia. Hatsotso blaevelia ƒe kplɔlae nye Hezekiel. data/train/1CH/1CH_004_Verse_023.mp3,"Meonatai, ame si dzi Ofra. Seraya dzi Yoab, ame si me Ge Harasim, aɖaŋuwɔla siwo nɔ Aɖaŋuwɔlawo ƒe Balime la dzɔ tso." data/train/1CH/1CH_027_Verse_030.mp3,"Sitrai, tso Saron kpɔa nyi siwo le Saron ƒe gbeɖuƒe la dzi eye Safat, Adlai ƒe vi, kpɔa nyi siwo nɔ balimewo la dzi." data/train/1CH/1CH_029_Verse_019.mp3,"Nuŋlɔɖi siawo ƒo nu tso Fia David ƒe fiaɖuɖu, eƒe ŋusẽ, nu siwo katã dzɔ ɖe eya ŋutɔ dzi, Israel dukɔ la dzi kple dukɔ siwo ƒo xlã Israel dukɔ ƒe fiawo dzi la ŋu." data/train/1CH/1CH_029_Verse_010.mp3,"Etsi ŋutɔ, enye kesinɔtɔ kple bubume gã aɖe hafi ku eye via Solomo ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/1CH/1CH_029_Verse_027.mp3,"Wogatsɔ kpe xɔasi sɔ gbɔ aɖe na Yehiel, Gerson ƒe dzidzimevi aɖe be, wòatsɔ ade gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe." data/train/1CH/1CH_006_Verse_002.mp3,Ale Israelviwo tsɔ du siawo kple woƒe lãnyiƒewo na Levitɔwo. data/train/1CH/1CH_027_Verse_015.mp3,"Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Helez tso Pelɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti adrelia me." data/train/1CH/1CH_010_Verse_007.mp3,"Filistitɔwo ɖe Saul kple viawo ɖe nu eye wowu viawo; Yonatan, Abinadab kple Malki Sua." data/train/1CH/1CH_008_Verse_013.mp3,"Elpaal ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Ahio, Sasak kple Yeremot." data/train/1CH/1CH_004_Verse_033.mp3,"Wokpɔ lãnyiƒe damawo, anyigba la keke nyuie, teƒe si ŋutifafa kple ɖoɖoezizi le. Hamitɔ aɖewo nɔ afi ma kpɔ." data/train/1CH/1CH_021_Verse_009.mp3,"David gblɔ na Yoab kple kplɔla bubuawo be, “Miɖaxlẽ Israelviwo tso Beerseba va se ɖe Dan eye miana manya woƒe xexlẽme.”" data/train/1CH/1CH_025_Verse_018.mp3,Nudzidze gbãtɔ dze Yosef si tso Asaf ƒe ƒome me kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze evelia dze Gedalia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_029_Verse_026.mp3,Wò ɖeka gbɔ ko kesinɔnuwo kple bubu tsona; wòe nye amegbetɔƒomea dziɖula. Asiwòmee gãnyenye kple ŋusẽ le eye wòe naa gãnyenye kple ŋusẽ ame. data/train/1CH/1CH_016_Verse_026.mp3,"Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ, Midi eƒe ŋkume ɖaa." data/train/1CH/1CH_016_Verse_030.mp3,Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome. data/train/1CH/1CH_015_Verse_008.mp3,"Ame siwo kpɔ hadzidzi kple nu siwo woƒo kpe ɖe eŋu dzi la woe nye Heman, Yoel ƒe vi kple Asaf, Berekia ƒe vi kple Etan, Kusaya ƒe vi, tso Merari ƒe viwo dome." data/train/1CH/1CH_023_Verse_025.mp3,"Simei ƒe viŋutsuwoe nye: Yahat, Ziza, Yeus kple Beria. Ame siawoe nye Simei viwo. Wole ame ene." data/train/1CH/1CH_016_Verse_007.mp3,Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo. Ke Yehowae wɔ dziƒowo. data/train/1CH/1CH_012_Verse_014.mp3,Aʋawɔla bubuwo tso Benyamin ƒe viwo kple Yuda ƒe viwo dome ame siwo hã va de David dzi le eƒe mɔ sesẽ la me. data/train/1CH/1CH_020_Verse_000.mp3,Ame siawo nye Rafa ƒe dzidzime viwo tso Gat eye wotsi David kple eƒe amewo ƒe asi me. data/train/1CH/1CH_011_Verse_000.mp3,"Abisai, Yoab nɔvi nye amegã na ame etɔ̃awo. Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ (300) kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene." data/train/1CH/1CH_017_Verse_022.mp3,"“Oo Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o eye mawu aɖeke meli o negbe wò ko abe ale si míesee kple míawo ŋutɔ ƒe towo ene." data/train/1CH/1CH_004_Verse_018.mp3,"Koz, ame si dzi Anub kple Hazobeba hekpe ɖe Harum ƒe vi ƒe hlɔ̃ ŋu eye eya mee hlɔ̃ si wotsɔ kple Aharlel, Harum ƒe vi, ŋkɔ na la dzɔ tso." data/train/1CH/1CH_012_Verse_000.mp3,"Ame akpe ade alafa enyi (6,800) tso Yuda; woglã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnuwo kple akplɔwo;" data/train/1CH/1CH_024_Verse_016.mp3,Ke Nadab kple Abihu ku do ŋgɔ na wo fofo; viŋutsu aɖeke menɔ wo si o ale Eleazar kple Itamar wɔ dɔ abe nunɔlawo ene. data/train/1CH/1CH_021_Verse_027.mp3,Yehowa ƒe Agbadɔ si Mose tu le gbedzi ƒe vɔsamlekpui si dzi wowɔ numevɔsa le ɣe ma ɣi me la nɔ Gibeon ƒe vɔsaƒe. data/train/1CH/1CH_021_Verse_006.mp3,"David gblɔ na Gad be, “Meɖo xaxa gã aɖe me. Na madze Yehowa ƒe asi me le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ la ta, ke mègana madze amegbetɔ ƒe asi me o.”" data/train/1CH/1CH_011_Verse_034.mp3,"Le ɣe bubu ɣi la, David ƒe aʋafia blaetɔ̃awo dometɔ etɔ̃ yi David gbɔ le esime wòbe ɖe agado aɖe me le Adulam. Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim balime." data/train/1CH/1CH_006_Verse_009.mp3,"ame si dzi Zadok, ame si dzi Salum," data/train/1CH/1CH_022_Verse_007.mp3,"Egblɔ be, “Yehowa, miaƒe Mawu la nanɔ kpli mi. Ena ŋutifafa ɖo miawo kple dukɔ siwo ƒo xlã mi la dome elabena Yehowa ƒe ŋkɔ mee meɖu wo dzi le hena eƒe amewo." data/train/1CH/1CH_028_Verse_010.mp3,"Eya ta, kpɔ nyuie elabena wòe Yehowa tia be nàtu yeƒe gbedoxɔ si anye kɔkɔeƒe. Lé dzi ɖe ƒo eye nàwɔ nu si wòɖo na wò.”" data/train/1CH/1CH_018_Verse_012.mp3,"Eɖu Zoba fia, Hadadezer ƒe duwo dzi yi Hamat ke le esime wòyi be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi le Frat tɔsisi la to." data/train/1CH/1CH_016_Verse_031.mp3,"Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi." data/train/1CH/1CH_007_Verse_012.mp3,"Du siwo nɔ Manase ƒe viwo, ame siwo dzɔ tso Yosef, Israel ƒe vi, me ƒe dzikpɔkpɔ te la, woe nye Bet Sean, Taanak, Megido kple Dor kple du siwo ƒo xlã wo." data/train/1CH/1CH_004_Verse_012.mp3,"Ezra dzi Yeter, Mered, Efer kple Yalon. Mered ɖe Bitia, fiavinyɔnu aɖe tso Egipte eye wodzi Miriam, Samai kple Isba, ame si nye Estemoa fofo." data/train/1CH/1CH_028_Verse_004.mp3,Eda sika hena sikaŋudɔwɔnu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ le subɔsubɔ vovovoawo me eye wòda klosalo hã hena klosaloŋudɔwɔnu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ le subɔsubɔ vovovoawo me. data/train/1CH/1CH_014_Verse_001.mp3,Ale David wɔ nu si Mawu ɖo nɛ eye wòsi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la tso keke Gibeon va se ɖe Gezer. data/train/1CH/1CH_006_Verse_040.mp3,"Heman ƒe kpeɖeŋutɔ eveliae nye Etan, tso Merari ƒe ƒome la me. Enɔa Heman ƒe miame. Eƒe dzidzimeviwo heyi megbe va se ɖe Levi dzi yi ale: Kisi, Abdi, Maluk," data/train/1CH/1CH_022_Verse_017.mp3,"“Metsɔ dzigbɔɖi blibo di sika ‘tɔn’ akpe etɔ̃ alafa ene blaatɔ̃ (3,450), klosalo ‘tɔn’ akpe blaetɔ̃-vɔ-ene alafa atɔ̃ (34,500) kple akɔbli kple gayibɔ kpekpeme gã aɖe hekpe ɖe ati kple kpe ŋu hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu; mɔɖeɖe li be miadi nu siawo akpe wo faa." data/train/1CH/1CH_023_Verse_002.mp3,Amram ƒe viwoe nye Aron kple Mose. Wotia Aron kple viawo da ɖi hena nuwo ŋu kɔkɔ kple vɔsasa le Yehowa ŋkume. Aron subɔna le Yehowa ŋkume eye wòyraa ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me ɣeawo katã ɣi. data/train/1CH/1CH_004_Verse_025.mp3,"Misma ƒe viwo dometɔ ɖekae nye Hamuel, ame si dzi Zakur, ame si dzi Simei." data/train/1CH/1CH_021_Verse_012.mp3,"Esi David va Arauna gbɔ eye Arauna fɔ kɔ dzi kpɔe la, Arauna dzo le lugbɔƒe la eye wòɖade ta agu tsyɔ mo anyi ɖe David ƒe ŋkume." data/train/1CH/1CH_019_Verse_011.mp3,"Ke Aramtɔwo si le Israel nu eye David wu woƒe tasiaɖamŋusɔdola akpe (7,000) adre kple asrafo afɔzɔla akpe blaene (40,000). Ewu woƒe aʋafia Sofak hã." data/train/1CH/1CH_010_Verse_013.mp3,woƒe aʋawɔlawo katã yi aʋagbea dzi eye wotsɔ eƒe kukua kple viawo tɔwo gbɔ va Yabes. Woɖi wo ɖe ati gã aɖe te le Yabes eye wofa wo ŋkeke adre sɔŋ. data/train/1CH/1CH_022_Verse_005.mp3,"Aɖaŋudɔwɔla siawo nya sika, klosalo, akɔbli kple gayibɔ ŋu dɔ wɔwɔ nyuie eya ta dze dɔ la gɔme eye Yehowa nanɔ kpli wo.”" data/train/1CH/1CH_006_Verse_075.mp3,"Woda akɔ eye woxɔ du wuieve le Ruben, Gad kple Zebulon ƒe viwo si tsɔ na Merari ƒe viwo." data/train/1CH/1CH_016_Verse_021.mp3,Heman kple Yedutun kua woƒe kpẽwo eye woƒoa woƒe gakogoewo kpena ɖe hadzidzi ŋu eye kafukafu dea dzi na Yehowa bobobo. Wotia Yedutun ƒe viwo wozu agbonudzɔlawo. data/train/1CH/1CH_023_Verse_010.mp3,"Eyɔ dukplɔlawo, nunɔlawo kple Levitɔwo katã le Israel ƒo ƒu hena fiaɖoɖo ƒe wɔnawo." data/train/1CH/1CH_009_Verse_010.mp3,"Benyamin ƒe vi siwo gbɔ la woe nye: Salu, Mesulam ƒe vi, Hodavia kple Hasenua ƒe tɔgbuiyɔvi," data/train/1CH/1CH_025_Verse_026.mp3,Nudzidze wuievelia dze Hasabia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_013_Verse_012.mp3,Nubablaɖaka la nɔ afi ma le Obed Edom kple eƒe ƒometɔwo gbɔ ɣleti etɔ̃ eye Yehowa yra Obed Edom ƒe ƒome kple nu sia nu si le esi. data/train/1CH/1CH_021_Verse_008.mp3,"David gblɔ na Mawu be, “Nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃, meɖe kuku, tsɔe kem, medze si nu vɔ̃ si mewɔ le nu sia wɔwɔ me.”" data/train/1CH/1CH_015_Verse_017.mp3,"eye wòde se be, “Ne mietsɔ nubablaɖaka la va da ɖe eƒe nɔƒe yeyea la, Levitɔwo koe atsɔe elabena woawoe Yehowa tia na dɔ sia wɔwɔ; woawoe awɔ subɔsubɔdɔ nɛ tegbetegbee.”" data/train/1CH/1CH_022_Verse_014.mp3,"Ke mana nàdzi viŋutsu aɖe ame si anye ŋutifafame aɖe elabena mana ŋutifafa nanɔ eya kple futɔwo dome le dukɔ siwo ƒo xlã mi la me. Woayɔe be Solomo, si gɔmee nye, “Ŋutifafa” eye mana ŋutifafa kple dzidzeme Israel le eƒe fiaɖuɣi." data/train/1CH/1CH_027_Verse_023.mp3,"Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe tatɔe nye Benaya tso Piratɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti wuiɖekɛlia me." data/train/1CH/1CH_026_Verse_017.mp3,"Selemia ƒe dɔe nye wòadzɔ Ɣedzeƒegbo la ŋu. Woda akɔ na ƒe Via ŋutsu, Zekaria, ame si nye aɖaŋuɖola nyui aɖe eye akɔdada la na be wòadzɔ Anyiehegbo la ŋu." data/train/1CH/1CH_025_Verse_005.mp3,Nudzidze adelia dze Bukia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_012_Verse_034.mp3,Woawoe nye ame siwo tso Yɔdan tɔsisi la le dzinu gbãtɔ me esi wòɖɔ gbagba eye wonya ame siwo katã nɔ balia me la ɖe du nu. Ɖewo si to ɣedzeƒe eye ɖewo hã si to ɣetoɖoƒe. data/train/1CH/1CH_011_Verse_008.mp3,"David gblɔ kple didi be, “Tsikɔ le wunyem vevie. Oo, ne ame aɖe aku tsi tso vudo si le Betlehem ƒe agbonu la me vɛ nam la anyo ŋutɔ.”" data/train/1CH/1CH_026_Verse_026.mp3,"Wotia Hasabia kple eƒe hlɔ̃metɔ akpe ɖeka alafa adre (1,700) tso Hebron, ame siwo katã nye ame ŋkutawo la be, woakpɔ Israelvi siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la dzi. Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ afi ma tɔwo ƒe Mawusubɔbɔnyawo kple dukɔmenyawo dzi." data/train/1CH/1CH_028_Verse_003.mp3,Eda sika hena kplɔ̃wo wɔwɔ na Ŋkumeɖobolo ɖe sia ɖe eye wògada klosalo na klosalokplɔ̃wo hã. data/train/1CH/1CH_017_Verse_006.mp3,"“Azɔ la, Oo Yehowa, na be wò ŋugbe si nèdo ɖe wò dɔla kple eƒe aƒe ŋu la nali ke tegbetegbe. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene," data/train/1CH/1CH_021_Verse_007.mp3,"David gblɔ na Mawu be, “Nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃ be mena be woaxlẽ amewo. Ke nu kae alẽ siawo ya wɔ? Oo, Yehowa, nye Mawu, tsrɔ̃ nye kple nye ƒome, ke mègatsrɔ̃ wò amewo o.”" data/train/1CH/1CH_009_Verse_013.mp3,"Finehas, Eleazar ƒe vi, nye woƒe amegã gbãtɔ le blema eye Yehowa nɔ kplii." data/train/1CH/1CH_027_Verse_029.mp3,"Simei, tso Ramat kpɔ fia la ƒe waingblewo dzi eye Zabdi, Sifmitɔ kpɔa eƒe wainfiafia kple edzadzraɖo dzi." data/train/1CH/1CH_029_Verse_012.mp3,"Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaene, ƒe adre le Hebron, ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ le Yerusalem." data/train/1CH/1CH_022_Verse_003.mp3,"Azɔ la, egblɔ na ƒe via Solomo be wòatu gbedoxɔ la na Yehowa, Israel ƒe Mawu la." data/train/1CH/1CH_018_Verse_010.mp3,"eye wòda asrafo aɖewo ɖe Aram le Damasko, si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòyi." data/train/1CH/1CH_021_Verse_029.mp3,"“Yi, nàgblɔ na David be, ‘Nya si Yehowa gblɔe nye: Metsɔ nu etɔ̃ le dadam ɖe wò ŋkume. Tia wo dometɔ ɖeka ne mawɔ eŋu dɔ ɖe ŋutiwò.’ ”" data/train/1CH/1CH_017_Verse_021.mp3,"Oo Mawu, abe esiawo ɖe womesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe anye le etsɔ si gbɔna la ŋuti. Oo Yehowa Mawu, èle kpɔyem abe nye koe nye ame si de ŋgɔ wu le amewo katã dome ene." data/train/1CH/1CH_026_Verse_004.mp3,"Dzɔla ene nɔa gbadzaƒe la ƒe mɔto eye eve nɔa gbadzaƒe la ŋutɔ ƒe ɣetoɖoƒegbo la nu, ame ene dzɔa dzigbemɔ la ŋu eye ame eve dzɔa teƒe siwo ƒo xlã wo la ŋu gbe sia gbe." data/train/1CH/1CH_003_Verse_021.mp3,"Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron, afi si wòɖu fia le ƒe adre kple afã. Ena Yerusalem zu fiadu eye wòɖu fia le afi ma ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃." data/train/1CH/1CH_001_Verse_037.mp3,Lotan ƒe viwoe nye Hori kple Homam. Timna nye Lotan nɔvinyɔnu. data/train/1CH/1CH_024_Verse_003.mp3,Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Yesua. Hatsotso ewolia ƒe tatɔe nye Sekania. data/train/1CH/1CH_012_Verse_006.mp3,"Ame akpe etɔ̃ (3,000) tso Benyamin ƒe viwo, ame siwo me Saul dzɔ tso la dome. Benyamin ƒe vi geɖewo ganɔ Saul yome va se ɖe ɣe ma ɣi." data/train/1CH/1CH_014_Verse_004.mp3,"David bia Mawu be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”" data/train/1CH/1CH_029_Verse_011.mp3,"eye sikanuwɔlawo kple klosalonuwɔlawo natsɔ wo awɔ sikanuwo kple klosalonuwo. Azɔ la, ame kae lɔ̃ be yeakɔ ye ɖokui ŋuti egbea na Yehowa?”" data/train/1CH/1CH_015_Verse_004.mp3,"Ame alafa eve (200) siwo nu, Semaya nɔ la, tso Elizafan ƒe viwo dome." data/train/1CH/1CH_018_Verse_003.mp3,"David tsɔ Fia Hadadezer ƒe aʋakɔwo ƒe amegãwo ƒe sikakpoxɔnuwo va Yerusalem," data/train/1CH/1CH_005_Verse_015.mp3,"Togbɔ be Yosef va zu ŋgɔgbevi hã la, Yuda va nye hlɔ̃ sesẽ, xɔŋkɔ aɖe le Israel eye Yuda mee fiavi aɖe do tso." data/train/1CH/1CH_004_Verse_008.mp3,"Eston dzi Bet Rafa, Pasea kple Tehina, ame si dzi Ir Nahas. Ame siawoe nye Reka ƒe ŋutsuwo." data/train/1CH/1CH_002_Verse_049.mp3,Viŋutsu aɖeke menɔ Sesan si o; vinyɔnuwo koe nɔ esi. Egipte dɔlaŋutsu aɖe nɔ esi; eŋkɔe nye Yarha. data/train/1CH/1CH_016_Verse_020.mp3,"Eɖoa ŋku eƒe nubabla kple se siwo wòde na dzidzime akpewo la dzi ɖaa," data/train/1CH/1CH_002_Verse_033.mp3,Nadab ƒe viwoe nye Seled kple Apaim. Seled medzi vi aɖeke hafi ku o. data/train/1CH/1CH_025_Verse_017.mp3,Nudzidze ewolia dze Simei kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_014_Verse_008.mp3,"Emegbe la, Filistitɔwo gava kaka ɖe balime la me." data/train/1CH/1CH_022_Verse_006.mp3,"David gblɔ be, “Vinye Solomo nye ɖekakpui dzaa aɖe ko, evɔ ele be Yehowa ƒe gbedoxɔ la nanye xɔ nyui, wɔnuku, xɔŋkɔ aɖe le xexe blibo la me eya ta made asi dzadzraɖowɔwɔ me na etutu tso fifia.” Ale David ƒo ƒu xɔtunuawo da ɖi hafi eƒe kuɣi ɖo." data/train/1CH/1CH_001_Verse_033.mp3,"Kus ƒe dzidzimevie nye Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi." data/train/1CH/1CH_006_Verse_000.mp3,"Abe ale si wode dzesii xoxo ene la, Levi ƒe viwoe nye, Gerson, Kohat kple Merari." data/train/1CH/1CH_028_Verse_012.mp3,"“Eye wò, vinye Solomo, dze si fofowòwo ƒe Mawu la eye nàsubɔe kple dzi faa kple wò susu blibo elabena Yehowa kpɔa dzi ɖe sia ɖe me eye wònyaa ame sia ame ƒe susu. Ne èdi Yehowa la, àkpɔe, ke ne ègbugbɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbetegbe." data/train/1CH/1CH_025_Verse_021.mp3,Nudzidze wuiasiekelia dze Maloti kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_004_Verse_032.mp3,"Sobal ƒe vie nye Reaia, ame si dzi Yahat, ame si dzi Ahumai kple Lahad. Ame siawo va zu Zoratitɔwo ƒe ƒomewo." data/train/1CH/1CH_016_Verse_009.mp3,"Ekema avemetiwo katã adzi ha Woadzi ha kple dzidzɔ le Yehowa ŋkume, Elabena egbɔna be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigba." data/train/1CH/1CH_001_Verse_006.mp3,"ame si dzi Serug, ame si dzi Nahor, ame si dzi Tera," data/train/1CH/1CH_021_Verse_005.mp3,"David gblɔ na Arauna be, “Tsɔ wò lugbɔƒe la nam ale be maɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe edzi be dɔvɔ̃ si le dukɔa dzi la nu natso. Dzrae nam ɖe asi si wòaxɔ tututu la nu.”" data/train/1CH/1CH_019_Verse_010.mp3,"Esime Aramtɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wodɔ amewo be woadi aʋawɔla bubuwo tso Ufrates tɔsisi la godo eye wonɔ Sofak, Fia Hadadezer ƒe aʋafia gã ƒe kpɔkplɔ te." data/train/1CH/1CH_002_Verse_035.mp3,Onam ƒe viwoe nye Samai kple Yada. Samai dzi Nadab kple Abisur. data/train/1CH/1CH_024_Verse_004.mp3,Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Malkiya. Hatsotso adelia ƒe tatɔe nye Miyamin. data/train/1CH/1CH_027_Verse_006.mp3,Benaya sia nye ame sesẽ si nɔ Ame Blaetɔ̃awo dome kple woƒe tatɔ. Via ŋutsu Amizabad nye hatsotso la ƒe tatɔ. data/train/1CH/1CH_022_Verse_012.mp3,"Eyae atu nye gbedoxɔ la, anɔ abe nye ŋutɔ vinye ene eye manye fofoa. Mana ƒe viawo kple viawo ƒe viwo naɖu fia to Israel ƒe dzidzimewo katã me!’" data/train/1CH/1CH_019_Verse_004.mp3,"Esi Amonitɔwo kpɔ be Aramtɔwo nɔ sisim la, woawo hã lé du tsɔ le nɔvia Abisai ŋgɔ eye woɖage ɖe du la me eya ta Yoab trɔ dzo yi Yerusalem." data/train/1CH/1CH_025_Verse_006.mp3,Nudzidze adrelia dze Yesarela kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_009_Verse_002.mp3,"Ame bubuwo ƒe dɔe nye woakpɔ xɔmenuwo kple nu siwo le Kɔkɔeƒe la me kple wɔ memi kple wain, ami kple dzudzɔdonu kple atike ʋeʋĩwo dzi." data/train/1CH/1CH_012_Verse_011.mp3,"Aron ƒe dzidzimeviwo ame akpe etɔ̃. Ame siwo nɔ Yehoiada ƒe kpɔkplɔ te la nye ame akpe etɔ̃ alafa adre (3,700)" data/train/1CH/1CH_012_Verse_008.mp3,"Ame siawo katã do aʋawɔwu heyi Hebron kple taɖodzinu ɖeka sia be David nazu Israel fia. Le nyateƒe me la, Israel blibo la nɔ klalo be David naɖu fia." data/train/1CH/1CH_028_Verse_021.mp3,"Yehowa na vi geɖewom eye wòtia Solomo tso vinyewo dome be wòanɔ tenyeƒe, anɔ Israel fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi." data/train/1CH/1CH_016_Verse_000.mp3,Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi Agbadɔ si David tu nɛ la me. Israel kplɔlawo sa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋkume. data/train/1CH/1CH_006_Verse_020.mp3,"Benyamin ƒe viwo tso du bubu aɖewo, du siwo dometɔ aɖewo nye Geba, Alemet kple Anatɔt hekpe ɖe lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo ŋu. Du siwo katã woma ɖe Kohat ƒe dzidzimeviwo dome le wuietɔ̃." data/train/1CH/1CH_016_Verse_012.mp3,"Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me" data/train/1CH/1CH_015_Verse_003.mp3,"Ame alafa eve blaeve (220) si nu, Asaya nɔ la tso Merari ƒe viwo dome." data/train/1CH/1CH_003_Verse_019.mp3,"Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ. Eneliae nye Adoniya, ame si dadae nye Hagit." data/train/1CH/1CH_015_Verse_022.mp3,"Hadoɖalae nye Kenania, Levitɔwo Nunɔla; wotiae ɖe eƒe nunya ta." data/train/1CH/1CH_006_Verse_023.mp3,Efraim ƒe viwo tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo: data/train/1CH/1CH_019_Verse_018.mp3,"Yoab gblɔ na nɔvia be, “Ne Aramtɔwo sẽ nam akpa la, nàva kpe ɖe ŋunye, ke ne Amonitɔwo sẽ na wò akpa la, mava kpe ɖe ŋuwò." data/train/1CH/1CH_026_Verse_006.mp3,"Hosa, ame si tso Merari ƒe viwo dome la, tia Simri tso viawo dome abe tatɔ ene togbɔ be menye eyae nye tsitsitɔ o hã." data/train/1CH/1CH_019_Verse_014.mp3,"“Lé dzi ɖe ƒo, eye na míawɔ aʋa la kalẽtɔe na míaƒe dukɔ kple míaƒe Mawu la ƒe duwo. Yehowa awɔ nu si nyo le eŋkume.”" data/train/1CH/1CH_027_Verse_010.mp3,Enye Perez ƒe dzidzimevi eye wònye amegã nɔ asrafomegãwo nu le ɣleti gbãtɔ me. data/train/1CH/1CH_016_Verse_035.mp3,"Oo, anyigba, midzi ha na Yehowa, Miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ le dukɔwo dome gbe sia gbe," data/train/1CH/1CH_014_Verse_005.mp3,"David gabia nu si wòawɔ la Mawu eye Mawu ɖo eŋu nɛ be, “Mègaho dze wo yome me o, ke boŋ trɔ ɖa le wo ŋu eye nàva tu wo le balsamtiawo gbɔ." data/train/1CH/1CH_016_Verse_034.mp3,"O mi dukɔwo ƒe ƒomewo, mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa." data/train/1CH/1CH_006_Verse_041.mp3,"Heman ƒe kpeɖeŋutɔ gbãtɔe nye Asaf, ame si ƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Levi dzi la yi ale: Berekia, Simea," data/train/1CH/1CH_008_Verse_033.mp3,"Via bubuwoe nye Beria kple Sema, hlɔ̃mefia siwo nɔ Aiyalon; wonya ame siwo nɔ Gat tsã la dzoe." data/train/1CH/1CH_023_Verse_005.mp3,"elabena David gblɔ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la na ŋutifafa mí eye wòanɔ Yerusalem ɣe sia ɣi." data/train/1CH/1CH_011_Verse_018.mp3,"Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi abe ale si Yehowa gblɔ na Samuel ene." data/train/1CH/1CH_011_Verse_043.mp3,Wobunɛ wu ame xɔŋkɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe gake womedee ame Etɔ̃awo dome o. Ke David tsɔe ɖo eŋudzɔlawo nu. data/train/1CH/1CH_027_Verse_004.mp3,"Aʋakɔ etɔ̃lia na ɣleti etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Benaya, Yehoiada, Nunɔla la ƒe viŋutsu. Ame akpe blaeve-vɔ-enee (24,000) nɔ ete." data/train/1CH/1CH_009_Verse_042.mp3,"Zã sia zã la, woƒoa xlã Mawu ƒe aƒe la eye wodzɔa eŋu elabena woƒe dɔe nye be woadzɔ eŋu eye le esia ta safui la nɔa wo si be woaʋu agbo la ŋdi sia ŋdi." data/train/1CH/1CH_025_Verse_014.mp3,Nudzidze enelia dze Izri kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_007_Verse_037.mp3,"Yediael ƒe hlɔ̃wo ƒe tatɔwo kple aʋawɔla nye akpe wuiadre, alafa eve (17,200) le Fia David ŋɔli." data/train/1CH/1CH_012_Verse_016.mp3,"aʋawɔla sesẽ akpe adre alafa ɖeka (7,100) tso Simeon ƒe viwo dome;" data/train/1CH/1CH_024_Verse_007.mp3,Hatsotso etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Harim. Hatsotso enelia ƒe tatɔe nye Seorim. data/train/1CH/1CH_005_Verse_003.mp3,"Esia ta Israel ƒe Mawu na Asiria fia Pul (ame si wogayɔna be Fia Tilgat Pilneser Etɔ̃lia la), ho aʋa ɖe wo ŋu eye wòɖe aboyo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe hlɔ̃ afã me tɔwo. Wokplɔ wo yi Hala, Habor, Hara kple Gozan tɔsisi la to, afi si wole va se ɖe egbe." data/train/1CH/1CH_011_Verse_010.mp3,David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ɖe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi. data/train/1CH/1CH_022_Verse_009.mp3,"Emegbe la, wotsɔ gayibɔ tu gatagbadzɛwo na ʋɔtruwo kple agbowo kple nulégawo. Wololo akɔbli wòsɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu adae o." data/train/1CH/1CH_014_Verse_002.mp3,"Azɔ David nya nu si ta Mawu ɖoe fiae na Israel eye wòna eƒe fiaɖuƒe keke ta. Nu tɔxɛ aɖe tae, eyae nye be wòado dzidzɔ na Mawu ƒe amewo." data/train/1CH/1CH_004_Verse_001.mp3,Ame siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ da ɖi la va le Yuda Fia Hezekia ƒe fiaɖuɣi. Woho aʋa ɖe Hamitɔwo ŋu le woƒe nɔƒewo nenema ke nye Meunitɔ siwo nɔ afi ma eye wotsrɔ̃ wo keŋkeŋ abe ale si wòle dzedzem egbe ene. Wonɔ woƒe nɔƒe elabena lãnyiƒe nɔ afi ma na woƒe lãhawo. data/train/1CH/1CH_007_Verse_002.mp3,ame si dzi Zabad ame si dzi Sutela. Amewo tso Gat wu Ezer kple Elead esi ame eve siawo yi Gat be yewoafi woƒe lãwo. data/train/1CH/1CH_011_Verse_001.mp3,"Adina, Siza ƒe vi, tso Ruben ƒe viwo dome eye wònɔ Ruben ƒe viwo kplɔla blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛawo dome;" data/train/1CH/1CH_024_Verse_000.mp3,"David kple Zadok, ame si nɔ Eleazar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe kple Ahimelek, ame si nɔ Itamar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe la, ma Aron ƒe dzidzimeviwo ɖe hatsotsowo me be, woawɔ subɔsubɔdɔawo le ɣeyiɣi vovovoawo me." data/train/1CH/1CH_025_Verse_031.mp3,"Ŋutsu siawo katã nɔ wo fofo ƒe kpɔkplɔ te be woatsɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo aƒo hawo le subɔsubɔ me le Mawu ƒe aƒe me. Asaf, Yedutun kple Heman nɔ fia la ƒe kpɔkplɔ te." data/train/1CH/1CH_011_Verse_030.mp3,"Ke ame etɔ̃awo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume." data/train/1CH/1CH_009_Verse_007.mp3,"Ame siwo nye hadzilawo kple Levitɔwo ƒe ƒometatɔwo la, nɔa gbedoxɔ la ƒe xɔwo me. Womegaɖoa dɔ bubu aɖeke na wo o elabena wowɔa dɔ le ŋkeke me kple zã me siaa." data/train/1CH/1CH_021_Verse_018.mp3,Ke mexlẽ Leviviwo kple Benyaminviwo de ame siawo me o elabena mekpɔ dzidzɔ le nu si fia la zi edzi be wòawɔ la ŋu o. data/train/1CH/1CH_026_Verse_020.mp3,"Subael, Gersom ƒe dzidzimevi, ame si nye Mose ƒe viŋutsu la ƒe dɔ wònye be wòakpɔ gadzraɖoƒe la dzi." data/train/1CH/1CH_016_Verse_038.mp3,"“Wòe matsɔ Kanaanyigba la na, abe wò domenyinu ene!”" data/train/1CH/1CH_003_Verse_012.mp3,"Pedaya ƒe viŋutsuwoe nye, Zerubabel kple Simei. Zerubabel ƒe viŋutsuwoe nye, Mesulam kple Hananiya. Wo nɔvinyɔnu nye Selomit" data/train/1CH/1CH_007_Verse_034.mp3,"Ulam dzi Bedan. Ale ame siawoe nye Gilead ƒe viwo kple tɔgbuiyɔviwo na Makir, ame si fofoe nye Manase." data/train/1CH/1CH_016_Verse_018.mp3,"Eƒe nu si wòbla kple Abraham, kple atam si wòka na Isak la dzi." data/train/1CH/1CH_027_Verse_000.mp3,"Ahitofel nye fia la ƒe aɖaŋuɖola eye Husai, Arkitɔ la, nye fia xɔlɔ̃." data/train/1CH/1CH_016_Verse_024.mp3,"Mi anyigbawo katã, midzo nyanyanya le eŋkume. Eɖo xexea gɔme anyi goŋgoŋgoŋ, mate ŋu aʋã o." data/train/1CH/1CH_010_Verse_014.mp3,"Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume." data/train/1CH/1CH_014_Verse_010.mp3,"Esi Filistitɔwo se be David zu Israel fia yeyea la, woƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu be yewoayi aɖalée. Ke David se be wogbɔna la, eho yi wo kpe ge." data/train/1CH/1CH_013_Verse_009.mp3,"Ke esi woɖo lugbɔƒe le Kidon la, Uza do asi ɖa be yeadzɔ nubablaɖaka la elabena nyiawo ƒe afɔwo kli nu." data/train/1CH/1CH_016_Verse_042.mp3,"Ɛ̃, mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ. Mido ɖe eŋkume kple nunana. Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atyɔ̃ me." data/train/1CH/1CH_025_Verse_016.mp3,Nudzidze etɔ̃lia dze Zakur kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_021_Verse_024.mp3,"Ne èlɔ̃ la, àtia be dɔwuame nava anyigba la dzi ƒe etɔ̃ loo, alo Israel ƒe futɔwo nasi mi ɣleti etɔ̃ loo alo Yehowa ƒe dɔla nana dɔvɔ̃ nawu amewo le anyigba la dzi ŋkeke etɔ̃. Bu eŋuti nyuie eye nàna manya ŋuɖoɖo si matsɔ ayi na ame si dɔm la.’ ”" data/train/1CH/1CH_025_Verse_019.mp3,Nudzidze wuiadelia dze Hananiya kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_005_Verse_011.mp3,"Le Fia Saul ƒe fiaɖuɣi la, Ruben ƒe viwo ɖu Hagritɔwo dzi eye woge ɖe woƒe agbadɔwo me le Gilead ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi." data/train/1CH/1CH_023_Verse_019.mp3,"Levitɔwo ƒe dɔe nye be, woakpe ɖe Aron ƒe dzidzimeviwo ŋu le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe dɔwo wɔwɔ me. Woawoe akpɔ, xɔxɔnuawo, xɔŋuxɔewo, nu kɔkɔeawo ŋu kɔkɔ ƒe wɔnawo dzi kple dɔ bubuwo wɔwɔ le Mawu ƒe aƒe la me." data/train/1CH/1CH_021_Verse_013.mp3,"Esime Arauna nɔ lu gbɔm la, enye kɔ eye wòkpɔ mawudɔla la; Via ŋutsu ene siwo nɔ egbɔ la, ɣla wo ɖokuiwo." data/train/1CH/1CH_010_Verse_004.mp3,"Esi Yabes Gileadtɔwo se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la," data/train/1CH/1CH_029_Verse_018.mp3,"Na dzi nyui si trɔ ɖe Mawu ŋu la vinye, Solomo, ale be wòawɔ wò sewo dzi le nu suetɔwo kekeake me eye wòakpɔ mɔ na wò gbedoxɔ si tutu ta mewɔ dzadzraɖo siawo katã la ƒe nuwuwu.”" data/train/1CH/1CH_009_Verse_028.mp3,"Nunɔla siwo trɔ gbɔ la dometɔ ɖekae nye Adaya, Yeroham ƒe vi, ame si nye Pasur ƒe vi, ame si nye Malkiya ƒe vi. Nunɔla bubuwoe nye: Masai, ame si nye Adiel ƒe vi, ame si nye Yahzera ƒe vi, ame si nye Mesulam ƒe vi, ame si nye Mesilemit ƒe vi, ame si nye Imer ƒe vi." data/train/1CH/1CH_027_Verse_001.mp3,"Alẽwo nɔ Yaziz, Hagritɔ la ƒe dzikpɔkpɔ te. Ame siawoe nye Fia David ƒe kesinɔnuwo dzikpɔlawo. Ame siawo katãe nɔ fia David ƒe kesinɔnuwo nu." data/train/1CH/1CH_011_Verse_042.mp3,"Wo dometɔ gbãtɔe nye Yasobeam, ŋutsu aɖe si tso Hakmon. Eyae nye Ame Sesẽ Etɔ̃awo, ame siwo nye aʋawɔla xɔŋkɔ etɔ̃awo le David ƒe aʋakɔ la me la kplɔla. Ewu ame alafa etɔ̃ kpɔ kple eƒe akplɔ le aʋakpekpe ɖeka me." data/train/1CH/1CH_012_Verse_035.mp3,Wokpe ɖe David ŋu wòɖu adzohawo dzi elabena wo katã wonye aʋawɔla kalẽtɔwo eye wonye aʋafiawo le eƒe asrafoha me. data/train/1CH/1CH_029_Verse_006.mp3,"Dukɔ la kplɔlawo, asrafomegãwo kple nɔviawo katã ka atam be yewoanɔ fia la yome." data/train/1CH/1CH_004_Verse_027.mp3,"Penuel dzi Gedor eye Ezer dzi Husa Ezer. Ame siawoe nye Hur ƒe dzidzimeviwo, Hur nye Efrata ƒe ŋgɔgbevi kple Betlehem fofo." data/train/1CH/1CH_029_Verse_023.mp3,"Oo, Yehowa, míaƒe Mawu, nu siwo katã míeƒo ƒu da ɖi be míatsɔ atu gbedoxɔ na wò ŋkɔ kɔkɔe la, tso wò ŋutɔ gbɔwò! Tɔwòe wo katã nye!" data/train/1CH/1CH_013_Verse_005.mp3,"David do dɔmedzoe ɖe Yehowa ŋu le nu si wòwɔ Uza la ta eye wòna ŋkɔ teƒe ma be, Perez Uza si, gɔmee nye, “Afi si wodo dɔmedzoe ɖe Uza ŋu le.” Ŋkɔ sia tsi teƒe la ŋu va se ɖe egbe." data/train/1CH/1CH_003_Verse_016.mp3,Vi siwo nyɔnu bubuwo dzi nɛ la mele ame siawo dome o. Vinyɔnu aɖe hã nɔ David si; eŋkɔe nye Tamar. data/train/1CH/1CH_010_Verse_003.mp3,"Esi eƒe akpoxɔnutsɔla la kpɔ be eku la, eya hã wu eɖokui nenema ke." data/train/1CH/1CH_024_Verse_028.mp3,Wodzidze nu hena dɔdede asi na hatsotsoawo le ɖoɖo sia nu: Hatsotso gbãtɔ ƒe tatɔe nye Yehoyarib. Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Yedaia. data/train/1CH/1CH_001_Verse_020.mp3,"eye le Husam ƒe ku megbe la, Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moab nyigba dzi la ɖu fia eye eƒe fiadue nye Avit." data/train/1CH/1CH_014_Verse_009.mp3,"Esi David ʋu yi Yerusalem la, egaɖe srɔ̃ aɖewo eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu geɖewo." data/train/1CH/1CH_007_Verse_023.mp3,"Le David ŋɔli la, aʋawɔla siwo nɔ woƒe dzidzimeviwo dome la de ame akpe blaetɔ̃ vɔ ade (36,000). Srɔ̃wo kple viwo sɔ gbɔ le wo ame atɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe si." data/train/1CH/1CH_017_Verse_024.mp3,"Oo Yehowa. Le wò dɔla ta kple le wò lɔlɔ̃nu me, èwɔ nu gã sia eye nèna wonya wò ŋugbedodo gã siawo katã." data/train/1CH/1CH_009_Verse_011.mp3,"Emegbe la, ame aɖewo tso Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase ƒe ƒomewo me gbɔ va ɖo Yerusalem." data/train/1CH/1CH_006_Verse_056.mp3,"Le Yuda, Simeon kple Benyamin ƒe towo me la, wotsɔ du siwo ŋkɔ woyɔxoxo la na wo." data/train/1CH/1CH_011_Verse_013.mp3,"Egblɔ be, “Mawu nana nu sia wɔwɔ nate ɖa xaa tso gbɔnye. Ɖe mano ŋutsu siawo, ame siwo de woƒe agbe ke la ƒe ʋua?” Esi wode woƒe agbe xaxa me be woaku tsi la vɛ nɛ ta la, David menoe o." data/train/1CH/1CH_006_Verse_065.mp3,Ramot kple Anem kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na wo. data/train/1CH/1CH_022_Verse_004.mp3,"Azɔ la, midze agbagba le go ɖe sia ɖe me be, miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la eye miatsɔ nubablaɖaka la kple nu kɔkɔe bubu siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me!”" data/train/1CH/1CH_018_Verse_006.mp3,Eda asrafo aɖewo ɖe Edom eye Edomtɔwo zu David teviwo. Yehowa na wòɖua dzi le afi sia afi si wòayi. data/train/1CH/1CH_006_Verse_035.mp3,Gerson ƒe viwoe nye: Libni kple Simei. data/train/1CH/1CH_023_Verse_006.mp3,"Eleazar medzi viŋutsu aɖeke hafi ku o, via nyɔnuwo ɖe wo fofo nɔvi, Kis ƒe viŋutsuwo." data/train/1CH/1CH_005_Verse_008.mp3,"Ke womesubɔ wo fofowo ƒe Mawu la o, ke boŋ wosubɔ ame siwo Mawu tsrɔ̃ la ƒe legbawo." data/train/1CH/1CH_001_Verse_036.mp3,"Le Siaul ƒe ku megbe la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/1CH/1CH_027_Verse_008.mp3,David mexlẽ ame siwo mexɔ wu ƒe blaeve la o elabena Yehowa do ŋugbe be yeana Israelviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene. data/train/1CH/1CH_020_Verse_007.mp3,"Le aʋa bubu si wogawɔ kple Filistitɔwo me la, Elhanan, Yair ƒe vi, wu Lahmi, Goliat nɔvi, ame si ƒe akplɔti lolo abe ati si le avɔlɔ̃lawo ƒe agbati me ene." data/train/1CH/1CH_012_Verse_005.mp3,"ame akpe ene alafa ade (4,600) tso Levi ƒe viwo dome." data/train/1CH/1CH_025_Verse_023.mp3,Nudzidze wuienelia dze Matitia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. data/train/1CH/1CH_016_Verse_013.mp3,"Esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko, Womesɔ gbɔ o eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la," data/train/1CH/1CH_027_Verse_021.mp3,"Hatsotso ewolia ƒe tatɔe nye Maharai tso Netofa le Zera. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti ewolia me." data/train/1CH/1CH_008_Verse_016.mp3,eneliae nye Noha eye atɔ̃liae nye Rafa. data/train/1CH/1CH_009_Verse_027.mp3,"Ner dzi Kis, ame si dzi Saul eye Saul hã dzi Yonatan, Malki Sua, Abinadab kple Esbaal." data/train/1CH/1CH_013_Verse_000.mp3,Ale David yɔ Israelviwo katã tso Sihor tɔsisi le Egipte ŋu va se ɖe Hamat ƒe mɔnu ale be woanɔ anyi hafi woatsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ tso Kiriat Yearim. data/train/1CH/1CH_014_Verse_006.mp3,David ƒe ŋkɔ de dzi le afi sia afi eye Yehowa na be dukɔwo katã navɔ̃e. data/train/1CH/1CH_027_Verse_003.mp3,"Azmavet, Adiel ƒe vi, nye tatɔ na ame siwo kpɔa fia la ƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe dzi eye Yonatan, Uzia ƒe vi, nye tatɔ na ame siwo kpɔa kesinɔnuwo dzraɖoƒe la dzi le duwo kple kɔƒewo kple mɔwo me." data/train/1CH/1CH_017_Verse_027.mp3,"“Yi, nàgblɔ na nye dɔla, David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si: Menye wòe atu xɔ nam manɔ eme o." data/train/1CH/1CH_007_Verse_024.mp3,"Le esia megbe la, srɔ̃a fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi. Efraim na ŋkɔe be Beria, si gɔmee nye “Dzɔgbevɔ̃e,” le nya si dzɔ la ta." data/train/1CH/1CH_023_Verse_027.mp3,"Woawoe tsɔa ŋkumeɖobolo ɖoa kplɔ̃ dzi, tua wɔ hena nuɖuvɔsawo, mea akpɔnɔ kple amɔ maʋamaʋã, blua abolowɔ hemenɛ eye wokpɔa nudanuwo kple nudzidzenuwo katã dzi." data/train/1CH/1CH_009_Verse_023.mp3,"Levitɔ aɖe si ŋkɔe nye Matitia, Korahitɔ Salum ƒe viŋutsu ŋgɔgbeae nye ame si wotsɔ abolo si wotsɔna saa vɔe ƒe meme ƒe dɔ de asi na." data/train/1CH/1CH_009_Verse_009.mp3,"Azaria nye Hilkia ƒe vi, ame si fofoe nye Mesulam, ame si fofoe nye Zadok, ame si fofoe nye Merayot, ame si fofoe nye Ahitub. Zadok nye amegã na nudzikpɔlawo le gbedoxɔ la me." data/train/1CH/1CH_023_Verse_018.mp3,Levitɔwo xexlẽe nye nu mamlɛtɔ si David wɔ hafi ku. data/train/1CH/1CH_015_Verse_011.mp3,Berekia kple Elkana nye nubablaɖaka la ŋu dzɔlawo. data/train/1CH/1CH_006_Verse_048.mp3,"Ke Aron kple eƒe dzidzimeviwo koe nye nunɔlawo. Woƒe dɔdeasiwo dometɔ aɖewoe nye numevɔwo sasa, dzudzɔdodo, dɔwɔwɔ le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe kple dɔ siwo ku ɖe ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkekenyui le Israel ŋuti. Wokpɔa egbɔ be wowɔ ɖe nu siwo katã Mose, Mawu ƒe dɔla ɖo na wo la dzi pɛpɛpɛ." data/train/1CH/1CH_026_Verse_022.mp3,"Via bubuwo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Hilkia, vi evelia, Tebalia, vi etɔ̃lia kple Zekaria, vi enelia. Hosa ƒe viwo kple nɔviawo de ame wuietɔ̃." data/train/1CH/1CH_009_Verse_008.mp3,"Ame siwo tso Levi ƒe viwo dome la woe nye: Semaya, Hashub ƒe vi, ame si nye Azrikam ƒe vi, ame si nye Hasabia ƒe vi, ame si dzɔ tso Merari me." data/train/1CH/1CH_029_Verse_020.mp3,"Nye Mawu, menya be èdoa amewo kpɔna be yeanya ne wonye ame nyuiwo elabena èkpɔa ŋudzedze le ame nyuiwo ŋu. Mewɔ nu siawo katã kple tameɖoɖo nyui, mekpɔ wò amewo esime wona nuwo lɔlɔ̃nutɔe kple dzidzɔ." data/train/1CH/1CH_009_Verse_031.mp3,"Salum ƒe dzidzime to Kore kple Ebiasaf dzi va se ɖe Korah dzi. Eya kple nɔviawo, Korah ƒe viwoe kpɔa vɔsawo kple Kɔkɔeƒe la dzi abe ale si wo fofowo kpɔ agbadɔ la dzi eye wodzɔ eŋu ene." data/train/1CH/1CH_026_Verse_014.mp3,Meselemia ƒe vi wuienyiawo kple nɔviawo hã nye kplɔla nyuiwo. data/train/1CH/1CH_002_Verse_043.mp3,"Samai nɔvi dzi ŋutsuvi eve: Yeter kple Yonatan. Yeter medzi vi aɖeke hafi ku o," data/train/1CH/1CH_012_Verse_022.mp3,ewoliae nye Yeremia eye wuiɖekɛliae nye Makbanai. data/train/1CH/1CH_009_Verse_000.mp3,"Agbonudzɔlawoe nye: Salum, Akub, Talmon, Ahiman kple wo nɔviwo. Salum nye woƒe tatɔ." data/train/1CH/1CH_006_Verse_077.mp3,Woƒe ƒometɔwo nye Levitɔ bubuawo. Wotsɔ wo ɖo dɔ bubu vovovowo nu le Mawu ƒe agbadɔ la me. data/train/1CH/1CH_028_Verse_019.mp3,Nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe hatsotso vovovoawo asubɔ le gbedoxɔ la me. Ame bubu siwo nya aɖaŋu vovovowo la atsɔ wo ɖokuiwo ana hena dɔwo wɔwɔ. Dumegãwo kple dukɔ blibo la aɖo to wò eye woanɔ wò kpɔkplɔ te.” data/train/1CH/1CH_018_Verse_005.mp3,"David ɖu Moabtɔwo hã dzi, wozu etenɔlawo eye woxea adzɔga nɛ." data/train/1CH/1CH_001_Verse_029.mp3,"Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het." data/train/1CH/1CH_015_Verse_015.mp3,"Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe Du la me la, Saul ƒe vinyɔnu, Mixal, nɔ wo kpɔm to fesre nu eye esi wòkpɔ Fia David wònɔ ɣe ɖum, nɔ aglo tum kple dzidzɔ la, edo vloe le eƒe dzime." data/train/1CH/1CH_012_Verse_021.mp3,enyiliae nye Yohanan; asiekeliae nye Elzabad; data/train/PHM/PHM_001_Verse_024.mp3,"Ɖewohĩ, anyo be nàbu nya sia ŋu ale: Onesimo si dzo le gbɔwò ɣeyiɣi kpui aɖe, ale be azɔ la, wòazu tɔwo tegbee." data/train/PHM/PHM_001_Verse_009.mp3,"Maɖo eteƒe na wò. Nye, Paulo, meɖo kpe nya sia dzi na wò to nu sia ŋɔŋlɔ kple nye asi na wò me. Ke nyemakɔ nu le fe si nènyi le asinye la dzi o! Nya lae nye be wò luʋɔ la ŋutɔe nye fe si nenyi le asinye!" data/train/PHM/PHM_001_Verse_006.mp3,"Ke nyemedi be mawɔ nenema ne mèlɔ̃ ɖe edzi o. Nyemedi be nànyo dɔ me nam to dzizizi me o, ke boŋ be wò ŋutɔ nàdi be yeave nunye." data/train/PHM/PHM_001_Verse_016.mp3,Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la. data/train/PHM/PHM_001_Verse_007.mp3,"kple Apfia, mía nɔvinyɔnu, na Arkipo, mía nɔvi, Kristo ƒe asrafo kple hame si kpea ta le aƒewò me." data/train/PHM/PHM_001_Verse_011.mp3,"Medi vevie be mana wòanɔ gbɔnye le afii, le esime mele gaxɔ me le nyanyui la gbɔgblɔ ta. Wò hã àto esia me ana kpekpeɖeŋum to edzi." data/train/PHM/PHM_001_Verse_017.mp3,"Ne ewɔ nu vevi aɖe wò alo wòfi wò nane la, ekema kpɔ mɔ na teƒeɖoɖo tso gbɔnye." data/train/PHM/PHM_001_Verse_012.mp3,"Mele etrɔm ɖo ɖe wò, eye mele nye ŋutɔ nye dzi hã ɖom ɖe wò kplii." data/train/PHM/PHM_001_Verse_020.mp3,"Onesimo maganye kluvi ɖeɖe ko azɔ o, ke boŋ azu nu si kɔ sãa wu, eye woanye nɔvi lɔlɔ̃a, vevietɔ nam. Agazu ame vevi na wò ŋutɔ hã azɔ, elabena maganye subɔla le ŋutilã me ko o, ke boŋ anye nɔviwò le Aƒetɔ la me hã." data/train/PHM/PHM_001_Verse_002.mp3,elabena mese nu tso wò lɔlɔ̃ kple xɔse si le Aƒetɔ Yesu me kple ame kɔkɔeawo katã ŋu. data/train/PHM/PHM_001_Verse_013.mp3,"mele kuku ɖem na wò ɖe vinye Onesimo ta, ame si trɔ zu vinye esi menɔ kɔsɔkɔsɔ me le afii." data/train/PHM/PHM_001_Verse_018.mp3,"Ne menye xɔ̃wò le nyateƒe me la, ekema xɔ Onesimo kple dzaadoname si tututu natsɔ axɔm nenye nyee gbɔna gbɔwò." data/train/PHM/PHM_001_Verse_010.mp3,"medi boŋ be maɖe kuku na wò le lɔlɔ̃ ta. Eya ŋuti nye Paulo, amegãxoxo kple ame si va zu Kristo Yesu ƒe gatɔ" data/train/PHM/PHM_001_Verse_025.mp3,"Ɛ̃, nɔvi lɔlɔ̃a, na wò nu sia wɔwɔ nam kple lɔlɔ̃ nanye viɖe nam le Aƒetɔ la me, ekema nye dzi agbɔ ɖe eme le Kristo me." data/train/PHM/PHM_001_Verse_022.mp3,"Tsã la, ŋudɔwɔnu aɖeke menɔ eŋu na wò o, ke azɔ la, etrɔ zu ŋudɔwɔnu na nye kpli wò siaa." data/train/PHM/PHM_001_Verse_014.mp3,"Meŋlɔ agbalẽ sia na wò, elabena meka ɖe edzi be àwɔ nam wu ale si mebia gɔ̃ hã!" data/train/EPH/EPH_002_Verse_005.mp3,"Eva gblɔ ŋutifafa nyanyui la na mi ame siwo nɔ adzɔge ke tso egbɔ, eye wògblɔ ŋutifafa na ame siwo te ɖe eŋu la." data/train/EPH/EPH_005_Verse_018.mp3,"Ke nu sia nu si dzi kekeli klẽ ɖo la, dzena wokpɔna," data/train/EPH/EPH_002_Verse_009.mp3,"Gake ɖe lɔlɔ̃ gã si wòtsɔ na mí ta la, Mawu, ame si nye nublanuikpɔla la" data/train/EPH/EPH_005_Verse_012.mp3,"Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene," data/train/EPH/EPH_004_Verse_015.mp3,"ke boŋ míagblɔ nyateƒe na mía nɔewo le lɔlɔ̃ me, ale be le nuwo katã me la, míatsi, ali ke le Kristo, ame si nye ta na hame la me." data/train/EPH/EPH_005_Verse_011.mp3,Eya ta migade ha kple ame siawo ƒomeviwo o. data/train/EPH/EPH_003_Verse_011.mp3,"Eƒe susue nye be fifia la, to hame la dzi la, woaɖe Mawu ƒe nunya afia dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo le dziƒonutowo me," data/train/EPH/EPH_001_Verse_016.mp3,Mebiaa míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu si nye ŋutikɔkɔe Fofo la be wòana Gbɔgbɔ la ƒe nunya kple ɖeɖefia mi be miaganyae ɖe edzi wu. data/train/EPH/EPH_004_Verse_002.mp3,"Azɔ la, mele esia gblɔm na mi, eye mele gbe tem ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miaganɔ agbe azɔ abe ame siwo menye Yudatɔwo ene le woƒe tamesusu ƒe dzodzronyenye me o." data/train/EPH/EPH_006_Verse_008.mp3,Mawu ƒe amenuveve kple yayra nanɔ ame siwo katã ɖe lɔlɔ̃ makumaku fia míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo la. data/train/EPH/EPH_002_Verse_017.mp3,"To eya amea me la, mí katã míate ŋu ayi Fofo la gbɔ to Gbɔgbɔ ɖeka ma dzi." data/train/EPH/EPH_005_Verse_010.mp3,"Esia nye nukunu gã aɖe, gake mele nu ƒom tso Kristo kple hame la ŋuti." data/train/EPH/EPH_004_Verse_009.mp3,"Esia ta ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe aʋatsokaka ɖa, eye wòagblɔ nyateƒe na nɔvia, elabena ŋutinu ɖekawo míenye." data/train/EPH/EPH_004_Verse_014.mp3,"(“Eɖi va anyi” gɔme ɖe? Egɔmee nye be eɖi va anyigba, yi ɖe keke anyigba tume ke." data/train/EPH/EPH_004_Verse_030.mp3,"Vavã miese eŋkɔ, eye wofia nu mi le eya amea me, le nyateƒe si le Yesu me la nu." data/train/EPH/EPH_004_Verse_032.mp3,"Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖekae li, abe ale si woyɔ mi na mɔkpɔkpɔ ɖeka ene." data/train/EPH/EPH_001_Verse_015.mp3,"Mawu ƒe ɖoɖo le nu sia mee nye be mí ame siwo nye ame gbãtɔ siwo dze si Kristo la, míakafui, atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ ɖe dɔ gã siwo katã wòwɔ na mí la ta." data/train/EPH/EPH_001_Verse_008.mp3,"Eƒe taɖodzinue nye be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, aƒo nuwo katã nu ƒu tso afi sia afi, eɖanye dziƒo alo anyigba dzi o, ɖe Kristo te, tso mavɔ me yi mavɔ me." data/train/EPH/EPH_003_Verse_010.mp3,"eye maɖe nya ɣaɣla sia gɔme na ame sia ame. Le blema la, wodzra nya sia ɖo ɖe Mawu, ame si wɔ nuwo katã la me." data/train/EPH/EPH_004_Verse_000.mp3,"Ame si nye fiafitɔ la, nedzudzɔ fififi, newɔ dɔ, netsɔ eƒe asiwo wɔ dɔ nyui, si aɖe vi nɛ be wòakpɔ nane ana hiãtɔwo." data/train/EPH/EPH_001_Verse_010.mp3,"Hame sia nye eya ŋutɔ ƒe ŋutilã. Eyɔ hame la fũu, eye eƒe nɔnɔme le nu sia nu me." data/train/EPH/EPH_006_Verse_017.mp3,"Misubɔ tso dzi blibo me ke abe Aƒetɔ la subɔm miele ene, ke menye amegbetɔ o," data/train/EPH/EPH_002_Verse_018.mp3,"To eƒe ŋutilã me la, eɖe se la kple eƒe ɖoɖowo ɖa. Eƒe taɖodzinue nye be yeawɔ ame yeye ɖeka tso ame eveawo me le eɖokui me, be ŋutifafa nanɔ wo dome," data/train/EPH/EPH_005_Verse_023.mp3,"Migana ame aɖeke nable mi o, elabena nu siawo tae Mawu ƒe dɔmedzoe vaa tomaɖolawo dzi ɖo." data/train/EPH/EPH_006_Verse_009.mp3,"Mi aƒetɔwo la, miwɔ nu dzɔdzɔewo ɖe miaƒe kluviwo ŋuti abe ale si megblɔ na wo be woawɔ na mi ene. Migado ŋɔdzi na wo o, miɖo ŋku edzi be ame sia nye mi katã ƒe Aƒetɔ le dziƒo, eye Aƒetɔ sia mekpɔa ame aɖeke ƒe ŋkume o." data/train/EPH/EPH_004_Verse_011.mp3,"Eya ame si ɖi va anyi la, eya kee lia yi dzi ʋĩi, gbɔ dziƒowo ŋu ʋĩi, be wòayɔ xexea me katã.)" data/train/EPH/EPH_002_Verse_015.mp3,"miɖo ŋku edzi be ɣe ma ɣi la, miete ɖa tso Kristo gbɔ, mienye Israeltɔwo o, eye mienye amedzrowo na nubabla si wowɔ tso ŋugbedodo la me, mɔkpɔkpɔ kple Mawu menɔ mia si le xexea me o." data/train/EPH/EPH_005_Verse_025.mp3,"Migawɔ nu abe bometsilawo ene o, ke boŋ midi nu si nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu." data/train/EPH/EPH_001_Verse_013.mp3,Mawu gblɔ eƒe susu ɣaɣla si ta wòɖo Kristo ɖa la na mí. Ewɔ ɖoɖo sia ɖe nublanuikpɔkpɔ na mí ta. data/train/EPH/EPH_005_Verse_020.mp3,"Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo na Aƒetɔ la ene." data/train/EPH/EPH_004_Verse_017.mp3,Ke wotsɔ amenuveve na mía dometɔ ɖe sia ɖe abe ale si Kristo na mí ene. data/train/EPH/EPH_005_Verse_001.mp3,"Azɔ abe ale si hame la bɔbɔ eɖokui na Kristo ene la, nenema ke nyɔnuwo hã nabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo le nu sia nu me." data/train/EPH/EPH_006_Verse_016.mp3,"Minɔ te sesĩe, mitsɔ nyateƒe la bla ali dzi, eye miatsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtablanu la atsyɔ akɔta," data/train/EPH/EPH_005_Verse_016.mp3,"Kadodo aɖeke meganɔ mi kple vivitimewɔna siwo nye tofloko la dome o, ke boŋ miɖe wo ɖe go." data/train/EPH/EPH_005_Verse_024.mp3,"Migano aha mu o, elabena ekplɔa ame dea hadzenuwɔwɔ me. Mina Gbɔgbɔ Kɔkɔe la boŋ nayɔ mia me." data/train/EPH/EPH_005_Verse_006.mp3,elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye. data/train/EPH/EPH_006_Verse_005.mp3,"Eya ta mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be ne ŋkeke vɔ̃ la ɖo la, miate ŋu anɔ te ɖe futɔ la nu, eye ne miewɔ aʋa la vɔ la, miaganɔ te sesĩe." data/train/EPH/EPH_001_Verse_012.mp3,"Le lɔlɔ̃ me la, ewɔ ɖoɖo tɔxɛ ɖe mía ŋu be míanye ye viwo to Yesu Kristo dzi. Mawu wɔ esia, esi wòɖo Yesu Kristo ɖa be wòaku ɖe mía ta. Ewɔ ɖoɖo sia to eya ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃nu me!" data/train/EPH/EPH_005_Verse_000.mp3,"ale be yeate ŋu axɔe na ye ɖokui abe ŋutikɔkɔe hame si dza, eye ɖiƒoƒo kple kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o la ene, ke boŋ be wòanɔ kɔkɔe, eye fɔɖiɖi aɖeke maganɔ eŋuti o." data/train/EPH/EPH_006_Verse_015.mp3,Mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe ɖoɖowo kple ayemenu siwo wòɖo ɖe mia ŋuti la nu. data/train/EPH/EPH_003_Verse_013.mp3,le esia me be Mawu na menya eƒe ɖoɖo ɣaɣla la be ame siwo menye Yudatɔwo o hã nakpɔ amenuveve. Megblɔ nya sia na mi do ŋgɔ kpuie to agbalẽŋɔŋlɔ na mi me. data/train/EPH/EPH_006_Verse_001.mp3,"“Bu fofowò kple dawò,” esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo," data/train/EPH/EPH_004_Verse_006.mp3,"Ekema míaganɔ abe ɖeviwo ene o, ame siwo anɔ yiyim, anɔ gbɔgbɔm abe ale si ƒutsotsoe kple ya lɔa nu ɖe nu ene, to amewo ƒe alakpanufiafiawo, ayedzedze kple beble nuwɔnawo me o," data/train/EPH/EPH_003_Verse_003.mp3,"Azɔ nya ɣaɣla lae nye be: to nyanyui la gbɔgblɔ me la, ame siwo menye Yudatɔwo o la hã azu domenyilawo abe Israelviwo ene; wozu ƒometɔwo kple ŋutilã ɖeka, eye woakpɔ gome le ŋugbedodo si le Kristo Yesu me la me." data/train/EPH/EPH_001_Verse_009.mp3,"Gawu la, le nu si Kristo wɔ ɖe mía nu ta la, míezu nunana xɔasi siwo ŋuti Mawu kpɔa dzidzɔ le la, elabena abe ɖoɖo si Mawu wɔ la ƒe akpa aɖe ene la, etia mí tso gɔmedzedzea me ke be míanye ye tɔwo, eye nu siawo katã le eme vam pɛpɛpɛ abe ale si wòɖoe tso blema ke ene." data/train/EPH/EPH_001_Verse_001.mp3,"Azɔ la, mitsɔ kafukafu na Mawu ɖe eƒe dɔmenyo gã sia ta. Mikafui ɖe eƒe amenuveve sɔgbɔ si wòkɔ ɖe mía dzi la ta, ɖe esi míenye Via lɔlɔ̃a tɔ ta." data/train/EPH/EPH_001_Verse_004.mp3,"eye wòtsɔ eƒe amenuveve xɔasi la kɔ ɖe mía dzi, elabena ekɔ nunya kple gɔmesese ɖe mía dzi." data/train/EPH/EPH_002_Verse_012.mp3,"Le eƒe amenuveve sɔ gbɔ la ta la, miekpɔ ɖeɖe to Kristo dzixɔse me, menye nu siwo tso míawo ŋutɔ gbɔ o; ke boŋ enye Mawu ƒe nunana," data/train/EPH/EPH_006_Verse_014.mp3,"Mido gbe ɖa ɖe nye hã tanye be ne mele nu ƒom la, Mawu nade nya nu nam, be maƒo nu dzideƒotɔe ne mele gbeƒã ɖem nyanyui la ƒe nya ɣaɣlawo," data/train/EPH/EPH_001_Verse_019.mp3,"Nye Paulo, ame si Mawu tia be manye Yesu Kristo ƒe apostolo la gbɔe agbalẽ sia tso, Na ame kɔkɔewo kple xɔsetɔwo le Kristo Yesu me le Efeso:" data/train/EPH/EPH_006_Verse_013.mp3,"Mido gbe ɖa le gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi, miwɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe. Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa ɣe sia ɣi ɖe ame kɔkɔewo katã ta." data/train/EPH/EPH_003_Verse_004.mp3,"be Kristo nanɔ miaƒe dziwo me to xɔse me. Eye medoa gbe ɖa be miali ke ɖe eƒe lɔlɔ̃ la me," data/train/EPH/EPH_003_Verse_000.mp3,"ame si gbɔ xɔsetɔwo ƒe ƒomeawo katã, esiwo le dziƒo kple anyigba dzi la kpɔa woƒe ŋkɔ tsona." data/train/EPH/EPH_004_Verse_020.mp3,"Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mifa tu. Migbɔ dzi ɖi, eye miatsɔ ake mia nɔewo le lɔlɔ̃ me." data/train/EPH/EPH_006_Verse_022.mp3,"Nɔvi lɔlɔ̃awo, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kpakple xɔse si tso Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nenɔ anyi kpli mi." data/train/EPH/EPH_006_Verse_003.mp3,"Elabena míele aʋa wɔm kple ŋutilã kple ʋu o, ke boŋ kple dziɖulawo, ŋusẽtɔwo, xexe sia me vivitimeŋusẽwo kpakple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me." data/train/EPH/EPH_006_Verse_023.mp3,"Susu sia dzaa ta ko mele edɔm ɖo ɖe mia gbɔ be mianya ale si míele, eye be wòade dzi ƒo na mi." data/train/EPH/EPH_003_Verse_001.mp3,"Azɔ hena eya ame si tea ŋu wɔa nu geɖe wu nu siwo katã míebiana alo susuna, le eƒe ŋusẽ si le dɔ wɔm le mía me la," data/train/EPH/EPH_002_Verse_000.mp3,"be le ɣeyiɣi siwo ava me la, yeaɖe yeƒe kesinɔnu kple amenuveve sɔ gbɔ si wòɖe fia to eƒe dɔmenyonyo me la afia mí le Kristo Yesu me." data/train/EPH/EPH_001_Verse_023.mp3,"Ŋusẽ triakɔ siae fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔe ɖo bubuteƒe le Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo." data/train/EPH/EPH_003_Verse_019.mp3,"Ne miexlẽ agbalẽ sia la, miase ale si mewɔ nya Kristo ƒe nya ɣaɣla siawo gɔme." data/train/EPH/EPH_006_Verse_018.mp3,"Mitsɔ xɔxɔkpɔkpɔ ɖɔ abe gakuku ene, eye milé Gbɔgbɔ la ƒe yi si nye Mawu ƒe nya la ɖe asi." data/train/EPH/EPH_003_Verse_012.mp3,"Le blema la, Mawu meɖe eƒe ɖoɖo sia fia eƒe amewo o, gake fifia la, eɖee fia eƒe apostolo kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi." data/train/EPH/EPH_003_Verse_021.mp3,"Togbɔ be nyemesɔ kple ame gblɔetɔ kekeake le Mawu ƒe amewo dome o hã la, etsɔ amenuveve sia nam be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o," data/train/EPH/EPH_004_Verse_004.mp3,"be woadzra Mawu ƒe amewo ɖo hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔwo, be woatu Kristo ƒe ŋutilã ɖo" data/train/EPH/EPH_002_Verse_008.mp3,"Gake azɔ la, mienye Kristo Yesu tɔ, eye togbɔ be mienɔ adzɔge ke tsã tso Mawu gbɔ hã la, azɔ wokplɔ mi va egbɔe, to Yesu Kristo ƒe ʋu la me." data/train/EPH/EPH_005_Verse_002.mp3,"be yeawɔe wòanɔ kɔkɔe to eŋutikɔklɔ kple tsi to nya la me," data/train/EPH/EPH_002_Verse_010.mp3,"Le eya amea me la, wote xɔ la katã ƒo ƒu be wòakɔ azu gbedoxɔ kɔkɔe na Aƒetɔ la." data/train/EPH/EPH_004_Verse_026.mp3,"Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o." data/train/EPH/EPH_004_Verse_019.mp3,Mègana mɔnukpɔkpɔ Abosam o. data/train/EPH/EPH_005_Verse_031.mp3,"Srɔ̃ŋutsuwo, milɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si Kristo lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe eta," data/train/EPH/EPH_005_Verse_015.mp3,eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ na Mawu la ene. data/train/EPH/EPH_005_Verse_019.mp3,"Mele be woase nya vlowo, gbegblẽnyawo kple dzeɖoɖo madzetowo le mia nu o, ke boŋ akpedada ɖe Mawu ƒe amenuveve ta." data/train/EPH/EPH_004_Verse_007.mp3,"Ele be miaƒe nɔnɔme kple miaƒe susuwo nanɔ tɔtrɔm yeyee," data/train/EPH/EPH_005_Verse_028.mp3,Mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo ƒo nu na mia nɔewo. Midzi kafukafuhawo na Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me. data/train/EPH/EPH_001_Verse_006.mp3,"Eƒe dɔmenyo la gbã go ɖe mía dzi ale gbegbe be wòɖe míaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa to Via ƒe ʋu la me, ame si dzi wòto ɖe mí," data/train/EPH/EPH_005_Verse_005.mp3,Elabena enye ŋukpe be tomaɖolawo naƒo nu le woƒe vivimenuwɔnawo ŋuti. data/train/EPH/EPH_003_Verse_005.mp3,"be mianya be Kristo ƒe lɔlɔ̃ sia ƒo gɔmesesewo katã ta, be Mawu ƒe agbɔsɔsɔ la katã nayɔ mi fũu." data/train/EPH/EPH_004_Verse_025.mp3,"Miɖe asi le dɔmedzoedodo helĩhelĩ, dziku, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ, fuléle kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu." data/train/EPH/EPH_005_Verse_029.mp3,"Miwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nyuie, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃." data/train/EPH/EPH_002_Verse_013.mp3,"menye le dɔ siwo miewɔ la ta o, be ame aɖeke naƒo adegbe o." data/train/EPH/EPH_001_Verse_017.mp3,"Medoa gbe ɖa be miaƒe gbɔgbɔmeŋkuwo naʋu, eye dzi nyanu nanɔ mia si be míade dzesi mɔkpɔkpɔ si wòyɔ mí na, eƒe kesinɔnu, ŋutikɔkɔe ƒe domenyinyi si wòna ame kɔkɔewo," data/train/EPH/EPH_005_Verse_008.mp3,"(Elabena kekeli ƒe kutsetse nye dɔmenyo, dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe)," data/train/EPH/EPH_001_Verse_011.mp3,kple eƒe ŋusẽ gã triakɔ si wona mí ame siwo xɔ edzi se la. Ŋusẽ triakɔ sia le abe eƒe ŋusẽ gã la ƒe dɔwɔwɔ ene. data/train/EPH/EPH_005_Verse_033.mp3,"“Ɖe susu sia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòawɔ ɖeka kple srɔ̃a, eye wo ame eve la, woazu ŋutilã ɖeka.”" data/train/EPH/EPH_005_Verse_032.mp3,"Tsã la, mienye viviti, gake azɔ la, mienye kekeli le Aƒetɔ la me. Minɔ agbe abe kekeli ƒe viwo ene." data/train/EPH/EPH_002_Verse_002.mp3,"Elabena eya ŋutɔe nye míaƒe ŋutifafa. Ewɔ ŋutifafa le mí Yudatɔwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye wòɖe mɔxenu la ɖa, eye wòɖe mama ƒe gli si nɔ mía dome tsã la ɖa." data/train/EPH/EPH_004_Verse_018.mp3,"Mawu ɖekae kple Fofo ɖeka na mí katã, ame si nye nuwo katã, eye wòle nu sia nu me." data/train/EPH/EPH_002_Verse_016.mp3,"siwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖokpe la dzi, eye Kristo Yesu ŋutɔ nye dzogoedzikpe gã la." data/train/EPH/EPH_001_Verse_020.mp3,"nyemedzudzɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta o, eye meɖoa ŋku mia dzi ɖaa le nye gbedodoɖawo me." data/train/EPH/EPH_005_Verse_017.mp3,"Ke hã la, ele be ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye srɔ̃nyɔnu hã nade bubu srɔ̃a ŋuti." data/train/EPH/EPH_005_Verse_030.mp3,"Nenema ke wòle be ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Ame si lɔ̃a srɔ̃a la, lɔ̃a eɖokui." data/train/EPH/EPH_004_Verse_024.mp3,"Miwɔ dɔmenyo, eye miakpɔ nublanui na mia nɔewo. Mitsɔ mia nɔewo ƒe nu vɔ̃wo ke abe ale si Mawu hã tsɔ nu vɔ̃ ke mí le Kristo me ene." data/train/EPH/EPH_005_Verse_004.mp3,"Elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ abe ale si Kristo wɔna na hame la ene," data/train/EPH/EPH_001_Verse_022.mp3,"Teƒe si kɔ wu dziɖulawo tɔ kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye ɖe sia ɖe tɔ, kpakple ŋkɔ si kɔ wu ŋkɔ siwo katã le xexe sia me kple xexe si gbɔna la me." data/train/EPH/EPH_005_Verse_027.mp3,"Minya nyuie be ahasiwɔla, ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla aɖeke manyi Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la ƒe dome o, elabena ame sia ƒomevi sɔ kple trɔ̃subɔla." data/train/EPH/EPH_002_Verse_007.mp3,"eye le ŋutilã ɖeka sia me la, wòana woazu ɖeka kple Mawu to atitsoga la dzi, eye wòatsrɔ̃ woƒe fuléle la." data/train/EPH/EPH_004_Verse_001.mp3,"Ame siawo la, woƒe susuwo me do viviti, eye woma ɖa tso Mawu gbɔ, elabena wole agbe le numanyamanya me le woƒe dzimesesẽ ta." data/train/EPH/EPH_003_Verse_018.mp3,Mezu nyanyui la ƒe dɔla to Mawu ƒe nunana kple amenuveve si tso eƒe ŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ me la me. data/train/EPH/EPH_006_Verse_000.mp3,"“be wòadze edzi na wò nyuie, eye nànɔ agbe didi le anyigba dzi.”" data/train/EPH/EPH_001_Verse_003.mp3,Etia mí le eya amea me hafi wɔ xexea me be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la le eƒe ŋkume. data/train/EPH/EPH_006_Verse_007.mp3,"Kpe ɖe esiawo katã ŋu la, milé xɔse ƒe akpoxɔnu la ɖe asi, elabena eyae miatsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ siwo le abe dzo ƒe aɖewo ene lae." data/train/EPH/EPH_003_Verse_006.mp3,"be wòana ŋusẽ mi abe ame kɔkɔewo katã ene, eye miate ŋu ase Kristo ƒe lɔlɔ̃ ƒe kekeme, eƒe didime, eƒe kɔkɔme kple eƒe goglome gɔme," data/train/EPH/EPH_001_Verse_005.mp3,"Eye ɖe dɔ si Kristo wɔ ta la, mi ame siwo se nyateƒe la ƒe nya la, eye miexɔ Kristo dzi se la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ŋugbe wòdo na mí kristotɔwo la de dzesi mi be mienye kristotɔwo." data/train/EPH/EPH_003_Verse_016.mp3,"Medoa gbe ɖa be tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu gbogboawo me la, wòana ŋusẽ tɔxɛ mi to eƒe Gbɔgbɔ la dzi," data/train/EPH/EPH_004_Verse_016.mp3,"Ke miawo la, menye aleae mienya Kristoe o." data/train/EPH/EPH_005_Verse_009.mp3,"Elabena ŋutsue nye ta na srɔ̃a, eye wòtsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe hame la ta abe ale si Kristo nye ta na hame si nye eƒe ŋutilã la ene be yeanye eƒe Ɖela." data/train/EPH/EPH_006_Verse_006.mp3,eye mido afɔkpa siwo ana mianɔ klalo na gbeƒãɖeɖe ŋutifafanyanyui la. data/train/EPH/EPH_005_Verse_026.mp3,"Migaɖe mɔ na ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye kple ŋukeklẽ be woanɔ mia me o, elabena agbenɔnɔ siawo menyo na Mawu ƒe ame kɔkɔewo o." data/train/EPH/EPH_002_Verse_004.mp3,"Esia ta mieganye amedzrowo o, ke boŋ mi kple Mawu ƒe amewo mienye ame ɖeka, Mawu ƒe aƒemetɔwo kple Mawu ƒe dumetɔwo," data/train/EPH/EPH_004_Verse_003.mp3,"Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka kple mawutsideta ɖekae li;" data/train/EPH/EPH_005_Verse_007.mp3,"elabena kekeli nana nu sia nu dzena gaglãa. Esia ta woŋlɔ ɖi be, “O, alɔ̃dɔla nyɔ, fɔ tso ame kukuwo dome, eye Kristo aklẽ ɖe dziwò.”" data/train/EPH/EPH_004_Verse_010.mp3,"Esia ta woŋlɔ ɖi be, “Esi wòlia yi dzi la, eɖe aboyo ame geɖewo dzoe, eye wòna nunana amewo.”" data/train/EPH/EPH_006_Verse_019.mp3,"Miɖo to wo, menye ɖe esi woakpɔ ŋudzedze le mia ŋu ta o, ke boŋ abe Kristo ƒe kluvi siwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm tso miaƒe dzime ke ene." data/train/PHP/PHP_003_Verse_021.mp3,"Ɛ̃, azɔ la, ne metsɔ nu siawo katã sɔ kple viɖe gã si mekpɔ le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya me la, womegaɖi naneke le ŋkunyeme o. Esia ta metsɔ nu mawo katã ƒu gbe, eye mebu wo aɖukpodzinuwoe, be nye asi nasu Kristo dzi," data/train/PHP/PHP_001_Verse_000.mp3,"Ame evelia siawo wɔnɛ le lɔlɔ̃ me, elabena wonya be mele ga me le afi sia le nyanyui la ta ʋiʋli ŋuti." data/train/PHP/PHP_004_Verse_005.mp3,"Ke hã la, miewɔe nyuie be mienaa kpekpeɖeŋum le nye fukpekpewo me." data/train/PHP/PHP_003_Verse_019.mp3,"Nɔvi lɔlɔ̃awo, nyemebu ɖokuinye be nye asi su edzi o. Ke nu ɖeka si mewɔna lae nye be meŋlɔa nu siwo le megbenye la be, eye mewɔa nye ŋutete ŋuti dɔ be maɖo nu si le ŋgɔnye la gbɔ." data/train/PHP/PHP_001_Verse_022.mp3,"Nyateƒe wònye be ame aɖewo ɖea gbeƒã Kristo le ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ ta, ke ame bubu aɖewo ɖea gbeƒã nya la kple dzitsinya nyui." data/train/PHP/PHP_002_Verse_000.mp3,"ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene," data/train/PHP/PHP_003_Verse_018.mp3,"Nɔvi lɔlɔ̃awo, mikpe ɖe ame bubuwo ŋu ne miasrɔ̃ nye agbe ƒe kpɔɖeŋu, eye mialé ŋku ɖe ame siwo nɔa agbe ɖe ɖoɖo siwo míewɔ na mi la nu." data/train/PHP/PHP_003_Verse_020.mp3,"Woƒe nuwuwu anye tsɔtsrɔ̃, woƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe ŋutikɔkɔe nye woƒe ŋukpe. Wobua ta me tso anyigbadzinuwo ko ŋu." data/train/PHP/PHP_001_Verse_030.mp3,"Ɛ̃, ele eme be nye dɔwɔwɔ gahiã le agbe sia me, eya ta meka ɖe edzi be maganɔ agbe vie be makpe ɖe mia ŋuti miatsi ɖe edzi le xɔse me, eye miakpɔ dzidzɔ." data/train/PHP/PHP_002_Verse_022.mp3,"Le nyateƒe me la, edze dɔ, eye wòku kloe, gake Mawu kpɔ nublanui na nye kplii siaa, be metsɔ eƒe ku ƒe nuxaxa tsɔ kpe esiwo le dzinye xoxo la o." data/train/PHP/PHP_004_Verse_019.mp3,"Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu." data/train/PHP/PHP_003_Verse_006.mp3,"evɔ nye ya susu si ta wòle be maɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la le asinye hafi. Ne ame aɖe bu be yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la, nye la mewui," data/train/PHP/PHP_003_Verse_013.mp3,Ke mina míanɔ agbe ɖe nu si dzi míaƒe asi su la nu. data/train/PHP/PHP_004_Verse_008.mp3,"Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miana kpekpeɖeŋu nyɔnu siawo, elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka na ame bubuwo me; eye wowɔ dɔ kple Klemens kple nye dɔwɔhati bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la hã." data/train/PHP/PHP_001_Verse_015.mp3,le kpekpeɖeŋu gã siwo katã mienam le Kristo ƒe nyanyui la kaka me tso ɣeyiɣi si miesee gbã va se ɖe fifia la ta. data/train/PHP/PHP_004_Verse_004.mp3,"Gawu la, abe ale si mi Filipitɔwo mienya ene be esi miese nyanyui la zi gbãtɔ esi tso Makedonia la, hame bubu aɖeke menye nye hadɔwɔlawo le nunana kple nuxɔxɔ me o, negbe miawo ko." data/train/PHP/PHP_004_Verse_017.mp3,Mina ame sia ame nade dzesi miaƒe tufafa. Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ la ƒe vava gogo. data/train/PHP/PHP_002_Verse_013.mp3,"Eya ta metsi dzi vevie be maɖoe ɖe mi, eye ne miegakpɔe la, miakpɔ dzidzɔ, eye esia aɖe nye nuxaxawo dzi kpɔtɔ." data/train/PHP/PHP_001_Verse_008.mp3,"Eye meka ɖe edzi be Mawu, ame si dze dɔ nyui sia wɔwɔ gɔme le mia me la ayi edzi, akpe ɖe mia ŋu be miatsi ɖe edzi le eƒe amenuveve la me va se ɖe esime dɔ si wɔwɔ gɔme wòdze le mia me la nawu enu le ŋkeke si Yesu Kristo agatrɔ ava la dzi." data/train/PHP/PHP_002_Verse_008.mp3,"elabena eƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me ɖe Kristo ƒe dɔ la ta, eye wòku kloe le esime wònɔ agbagba dzem be yeawɔ nu siwo miete ŋu wɔ nam o la, ɖe ale si miele adzɔge le gbɔnye ta." data/train/PHP/PHP_002_Verse_026.mp3,"Mido dzaa nɛ le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ gã aɖe eye miɖe miaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae," data/train/PHP/PHP_004_Verse_020.mp3,"Nyemele nya sia gblɔm ɖe esi mele hiã me la ta o, elabena mesrɔ̃ ale si manɔ agbee nenye be nu geɖe alo nu sue aɖe le asinye." data/train/PHP/PHP_001_Verse_011.mp3,Gake nyateƒe lae nye be mate ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe mi ne mele ŋutilã me. data/train/PHP/PHP_001_Verse_020.mp3,"Miawo la, menye Kristo dzi xɔxɔ se ƒe mɔnukpɔkpɔ ko wona mi o, ke boŋ be miakpe fu ɖe eta hã." data/train/PHP/PHP_002_Verse_001.mp3,Ame aɖeke megali si tsɔ ɖe le miaƒe nya me le nyateƒe me wu Timoteo o. data/train/PHP/PHP_001_Verse_009.mp3,"Eye ne mele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, dzidzɔ sɔŋ yɔa nye dzi me," data/train/PHP/PHP_002_Verse_007.mp3,ekema mina makpɔ dzidzɔ vavãtɔ to miaƒe taɖodzinu ɖeka kple mia nɔewo lɔlɔ̃ me; eye mitsɔ gbɔgbɔ ɖeka kple susu ɖeka wɔ dɔe aduadu. data/train/PHP/PHP_001_Verse_018.mp3,"Mele lalam, eye mele mɔ kpɔm be nyemawɔ naneke atsɔ ado ŋukpe ɖokuinye o, ke boŋ manɔ klalo ɣe sia ɣi aɖe gbeƒã Kristo abe ale si mewɔnɛ tsã ene. Menya be, mele agbe o, meku o, made bubu Kristo ŋu." data/train/PHP/PHP_004_Verse_006.mp3,"Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me." data/train/PHP/PHP_001_Verse_024.mp3,"Nye gbedodoɖa ɖe mia tae nye be miayɔ fũu, eye miagbã go kple lɔlɔ̃ na mia nɔewo, eye nenema ke, mianɔ tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔmenunya kple sidzedze me." data/train/PHP/PHP_001_Verse_019.mp3,"Mí katãe le avu sia wɔm ɖekae. Miekpɔ ale si mekpe fu ɖe eta va yi, eye fifia hã megale avu sesẽ aɖe wɔm abe ale si mienya nyuie ene." data/train/PHP/PHP_002_Verse_006.mp3,"Edze abe ɖe bubuawo katã tsi dzi ɖe woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ŋuti, eye menye ɖe Yesu Kristo tɔwo ŋu o ene." data/train/PHP/PHP_001_Verse_016.mp3,"Manɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, elabena menya be zi ale si miele gbe dom ɖa ɖe tanye, eye Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ la hã le kpekpem ɖe ŋunye la, esiawo katã ahe nyui vɛ nam, eye woawɔe be woaɖe asi le ŋutinye le gaxɔ me." data/train/PHP/PHP_001_Verse_010.mp3,Eye nye gamenɔnɔ na be kristotɔ siwo katã le afi sia la megavɔ̃na na gamenɔnɔ o. Ke Aƒetɔ la de dzi ƒo na wo ale gbegbe be womegavɔ̃a gbeƒãɖeɖe nyanyuie la o. data/train/PHP/PHP_001_Verse_006.mp3,"Ele ɖoɖo nu be, nye dzi nanɔ ɖe mia ŋu abe ale si wòle ene, elabena miekpɔ gome le Mawu ƒe yayra me, esi menɔ gaxɔ me kple esi medo, eye menɔ nyanyui la ta ʋlim henɔ gbeƒã ɖem Kristo na amewo." data/train/PHP/PHP_002_Verse_020.mp3,"ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui hetsɔ dɔla ƒe nɔnɔme do, eye wòva le ame ƒe nɔnɔme me." data/train/PHP/PHP_002_Verse_027.mp3,"Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi." data/train/PHP/PHP_002_Verse_010.mp3,"Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la, ebɔbɔ eɖokui, ɖo to yi ɖase ku me, yi ɖase atitsogaŋutiku me ke!" data/train/PHP/PHP_003_Verse_002.mp3,"Azɔ la, meva kpɔe be esia koe nye mɔ si dzi míato anya Kristo, eye míanya nu hã tso ŋusẽ si fɔe ɖe agbe tso ame kukuwo dome la ŋu. To esia me la, míate ŋu ase nu si wònye be míakpe fu, aku kplii la hã gɔme." data/train/PHP/PHP_004_Verse_011.mp3,"Menye ɖe mele nunana aɖeke dim tso mia gbɔ o, ke boŋ mele didim be nu nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi." data/train/PHP/PHP_003_Verse_000.mp3,"Aleae wòle be mí ame siwo tsi le xɔsea me la, míakpɔ nu siawoe. Ke ne miaƒe susu to vovo le nu siawo dometɔ aɖe ŋu la, Mawu aɖe eya hã afia mi." data/train/PHP/PHP_003_Verse_011.mp3,"Ke le hamea yometiti me la, ame aɖeke mewum o, eye le dzɔdzɔenyenye si tso sea me nu la, mokakamanɔŋutɔ menye." data/train/PHP/PHP_001_Verse_007.mp3,"Ewɔna nam ɣe aɖewo ɣi be manɔ agbe, gake le ɣe bubu ɣiwo la, edzroam be maku, elabena medi vevie be mayi aɖanɔ Kristo gbɔ. O, adzɔ dzi nam sãa wu be manɔ kodzogbe afi sia!" data/train/PHP/PHP_003_Verse_004.mp3,"elabena mí ame siwo subɔna le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo kpɔa dzidzɔ le Kristo Yesu me, eye womeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋu o," data/train/PHP/PHP_003_Verse_014.mp3,Mele dzesiɖoƒe la minyam vevie be maxɔ dziɖuɖudzesi si ta Mawu yɔm le Kristo Yesu me ɖo la be manyi agbe mavɔ ƒe dome. data/train/PHP/PHP_004_Verse_002.mp3,Eye Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo nugɔmesesewo katã ta la adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe susuwo ŋu le Kristo Yesu me. data/train/PHP/PHP_003_Verse_003.mp3,"Elabena megblɔe na mi zi geɖe kpɔ, eye megale egblɔm na mi fifia kple aɖatsi be ame geɖewo le kristotɔwo ƒe mɔ dzi zɔm, gake le nyateƒe me la, wonye Kristo ƒe atitsoga la ƒe futɔwo." data/train/PHP/PHP_001_Verse_004.mp3,"Elabena ame sia ame si le gbɔnye le afi sia hekpe ɖe asrafo siwo katã le asaɖa me ŋuti la nya kɔtɛe be, susu si ta mele game ɖo koe nye be menye kristotɔ." data/train/PHP/PHP_002_Verse_025.mp3,"Mele mɔ kpɔm be ne Aƒetɔ Yesu lɔ̃ la, maɖo Timoteo ɖa be wòava kpɔ mi ɖa kpuie. Ekema ne etrɔ gbɔ la, nu siwo wòava gblɔ nam tso nu siwo katã wɔm miele kple ale si miele dɔa dzii ŋu la, ana dzi nagaɖo ƒonye." data/train/PHP/PHP_002_Verse_028.mp3,Mina susu ma ke si nɔ Kristo Yesu hã me la nanɔ miawo hã mia me. data/train/PHP/PHP_002_Verse_021.mp3,"Ke mienya Timoteo nyuie. Ɖe wòle nam abe vi ene, eye wòwɔa dɔ kplim le nyanyui la gbɔgblɔ me." data/train/PHP/PHP_002_Verse_002.mp3,"Ame si, esi wònye be Mawu ƒe nɔnɔme mee wònɔ hã la, mebui be yesɔ kple Mawu o," data/train/PHP/PHP_002_Verse_018.mp3,"Eye nenye be wokɔ nye ʋu ɖi abe nunonovɔsa ene na Mawu ɖe miaƒe xɔse ta hã la, anye dzidzɔ nam, eye makpɔ dzidzɔ kpli mi." data/train/PHP/PHP_001_Verse_017.mp3,Mawu ɖeka koe nya lɔlɔ̃ vavã si le menye ɖe mia ŋu abe ale si Yesu Kristo hã lɔ̃ mi ene. data/train/PHP/PHP_003_Verse_005.mp3,"elabena wotso aʋa nam le ŋkeke enyia gbe, metso Israel dukɔ kple Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me, le sea nu la, Farisitɔ menye." data/train/PHP/PHP_004_Verse_010.mp3,"Menya ale si manɔ agbee, ne naneke mele asinye o, alo ne nu geɖe le asinye hã. Mesrɔ̃ dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla le go ɖe sia ɖe me, le ƒoɖiɖi me alo le dɔwuame me, le nukpɔkpɔ geɖe me alo le hiã me." data/train/PHP/PHP_004_Verse_001.mp3,"Esi menɔ hiahiã me le Tesalonika gɔ̃ hã la, mieɖo nu ɖem zi geɖe." data/train/PHP/PHP_003_Verse_012.mp3,"Ke míawo la, dziƒoe nye mía de, eye míele mɔ kpɔm na Ɖela si nye Aƒetɔ Yesu Kristo be agatso afi ma ava," data/train/PHP/PHP_004_Verse_014.mp3,Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔwo. data/train/PHP/PHP_001_Verse_001.mp3,"Ame kemɛawo gblɔa Kristo ƒe nya la le ɖokuitɔdidi ta, ke menye tso dzi vavã me o, ke boŋ be yewoatsɔ xaxa akpe ɖe nye gaxɔmenɔnɔ ŋu." data/train/PHP/PHP_004_Verse_018.mp3,"Miwɔ nu siwo katã miesrɔ̃ tso gbɔnye alo miexɔ tso gbɔnye alo miese tso gbɔnye, alo kpɔ le menye la, eye Mawu ƒe ŋutifafa anɔ anyi kpli mi." data/train/PHP/PHP_002_Verse_005.mp3,"Be le Yesu ƒe ŋkɔ me, ame sia ame, adze klo nɛ le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te," data/train/PHP/PHP_002_Verse_016.mp3,Eye mele dzi ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu be ana be nye ŋutɔ hã mava kpɔ mi ɖa kpuie. data/train/PHP/PHP_002_Verse_003.mp3,"Azɔ la, megbugbɔe le ɖoɖom ɖe mi, elabena ele mia susum, eye esi miese be edze dɔ la, ele nu xam." data/train/PHP/PHP_001_Verse_014.mp3,"Le gonyeme la, agbenɔnɔ nye mɔnukpɔkpɔ nam be mawɔ dɔ na Kristo. Ke ku gaɖe vi wu." data/train/PHP/PHP_003_Verse_010.mp3,"Gake meɖe asi le nu siwo katã mebuna tsã be wonye viɖenuwo la ŋu, eye metsɔ wo katã ƒu gbe be mate ŋu atsɔ nye xɔse kple mɔkpɔkpɔ ana Kristo ɖeka ko." data/train/PHP/PHP_003_Verse_008.mp3,"eye mawɔ ɖeka kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Kristo ɖeka hɔ̃ɔ ko ŋu." data/train/PHP/PHP_001_Verse_023.mp3,"Nye agbenɔnɔ ado dzidzɔ na mi, eye wòana mɔnukpɔkpɔ mi be miakafu Yesu Kristo le ale si wòna megale agbe la ta, ne megava mia gbɔ." data/train/PHP/PHP_002_Verse_009.mp3,"elabena Mawue le dɔ wɔm le mia me. Eyae kpena ɖe mia ŋu be miaɖo toe, eye miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu." data/train/PHP/PHP_004_Verse_012.mp3,"Mexɔ fetu geɖe si wu gbɔgblɔ; mexɔ nunanawo fũu. Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Mawu ŋu." data/train/PHP/PHP_004_Verse_015.mp3,"Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu." data/train/PHP/PHP_004_Verse_000.mp3,"Ame kɔkɔe ɖe sia ɖe si le afi sia la di be mado gbe na mi na yewo, vevietɔ esiwo le dɔ wɔm le Kaisaro ƒe aƒe me." data/train/PHP/PHP_001_Verse_005.mp3,"Elabena medina vevie ɣe sia ɣi be miakpɔ vovototo le nyui kple vɔ̃ dome, eye kpe ɖe esia ŋuti la, mianɔ dzadzɛ le miaƒe dziwo me, ale be ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le mia ŋuti o, va se ɖe esime Kristo nagatrɔ ava." data/train/PHP/PHP_002_Verse_012.mp3,"Eya ta Mawu doe ɖe dzi yi ɖase teƒe kɔkɔtɔ kekeake, eye wòtsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔwo katã ta la nɛ." data/train/PHP/PHP_004_Verse_009.mp3,"Mekpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me vevie be, mlɔeba la, miegadze ŋkuɖoɖo dzinye gɔme. Le nyateƒe me la, mietsɔ ɖe le eme nam, gake ɖeko miekpɔ mɔnu be miaɖee afia o." data/train/PHP/PHP_001_Verse_012.mp3,"Ke nenye be agbenɔnɔ le ŋutilã me ana mɔnukpɔkpɔ geɖem be maɖe luʋɔwo na Kristo la, ekema nyemeganya ne agbe alo kue nyo wu o." data/train/PHP/PHP_002_Verse_011.mp3,"Esia ta xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, abe ale si mienye sedziwɔlawo ene, esi menɔ mia gbɔ la, ele be miagalé seawo dzi wɔwɔ me ɖe asi sesĩe wu, esi nyemegale mia gbɔ o. Miwɔ miaƒe xɔxɔkpɔkpɔ ŋu dɔ le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me," data/train/PHP/PHP_001_Verse_003.mp3,"dzideƒotɔe, nu ka kee miaƒe futɔwo awɔ mi hã. Woakpɔ esia abe woƒe anyidzedze ƒe dzesi ene, ke miawo la, esia anye dzesi tso Mawu gbɔ be eli kpli mi, eye bena ena xɔxɔ mi." data/train/PHP/PHP_002_Verse_024.mp3,Mele mɔ kpɔm be maɖoe ɖe mi kpuie; mekpɔ nu siwo le dzɔdzɔm ɖe dzinye la gbɔ vɔ. data/train/PHP/PHP_003_Verse_016.mp3,"Minɔ ŋudzɔ na avu mawo, ŋutsu mawo, ame siwo wɔa funyafunya ŋutilã," data/train/PHP/PHP_002_Verse_030.mp3,"Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo hã ŋuti, eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me." data/train/PHP/PHP_002_Verse_017.mp3,"eye migblɔ Agbenya la na wo, be mate ŋu aƒo adegbe le Kristo ƒe vavagbe be nyemewɔ dɔ vlo o. Ekema nenye be Kristo gava la, makpɔ dzidzɔ gã aɖe be nyemewɔ dɔ si meɖe vi aɖeke o." data/train/PHP/PHP_001_Verse_013.mp3,"Ke nu ka kee adzɔ ɖe dzinye hã la, miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be mianɔ agbe ɖe Kristo ƒe nyanyui la ŋu, ale be ne magakpɔ mi alo nyemakpɔ mi o hã la, manɔ ɖaseɖiɖi nyuiwo sɔŋ ko xɔm tso mia ŋuti be mi katã miele ɖeka le gbɔgbɔ me kple susu ɖeka sia be miaʋli nyanyui ƒe xɔse la ta" data/train/PHP/PHP_004_Verse_003.mp3,"Eye nye Mawu ana miaƒe nuhiahiãwo katã mi tso eƒe ŋutikɔkɔekesinɔnuwo me, le Kristo Yesu me." data/train/PHP/PHP_004_Verse_016.mp3,"Mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me ɣe sia ɣi. Megale egblɔm ake be, “Dzi nedzɔ mi!”" data/train/PHP/PHP_002_Verse_023.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, mebui be enyo be magbugbɔ nɔvinye Epafrodito aɖo ɖe mi. Ezu nɔvinye, nye dɔwɔhati, asrafo, ame si nye miaƒe dɔla si mieɖo ɖa be wòana kpekpeɖeŋum le nye hiahiãwo me la." data/train/RUT/RUT_004_Verse_012.mp3,"Nyɔnu siwo nɔ afi ma la gblɔ be, “Naomi dzi viŋutsu.” Wona ŋkɔe be Obed. Eyae dzi Yese, David fofo." data/train/RUT/RUT_002_Verse_004.mp3,"Boaz gblɔ na Rut be, “Vinye, ɖo tom; mègayi ɖafɔ nuku siwo nuxalawo gblẽ ɖi la le agble bubu aɖeke me o, eye mègadzo le afi sia hã o. Lé ɖokuiwò ɖe nye dɔlanyɔnuwo ŋu." data/train/RUT/RUT_001_Verse_015.mp3,"Rut ɖo eŋu be, “Mègaƒoe ɖe nunye be magblẽ wò ɖi alo matrɔ le yowòme o. Afi si nàyi la, afi mae mayi, eye afi si nànɔ la, afi mae manɔ. Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu." data/train/RUT/RUT_001_Verse_004.mp3,"Azɔ Naomi ɖoe be yeatrɔ ayi ɖe aƒe le Israelnyigba dzi, elabena ese le Moab be Yehowa gave Israelviwo nu, ale be woƒe agblemenukuwo ganyo." data/train/RUT/RUT_002_Verse_014.mp3,"Lɔ̃xoa biae be, “Afi ka tututue nèfɔ nuku le egbea? Afi ka nèwɔ dɔ le egbea? Woayra ŋutsu si ve nuwò alea!” Ale Rut gblɔ ame si ƒe agble me wòwɔ dɔ le la na lɔ̃xoa. Egblɔ nɛ be, “Ŋutsu si gbɔ mewɔ dɔ le egbe la ƒe ŋkɔe nye Boaz.”" data/train/RUT/RUT_001_Verse_000.mp3,"Afi si nàku ɖo la, afi mae maku ɖo, eye afi mae woaɖim ɖo. Yehowa nefiam, ne wòagafiam ɖe edzi. Naneke mama nye kple wò dome o, negbe ku ko.”" data/train/RUT/RUT_003_Verse_008.mp3,"eya ta wɔ ɖe nya si magblɔ na wò la dzi. Le tsi, nàsi amiʋeʋĩ, eye nàta avɔ nyui aɖe ayi lugbɔƒea. Mègana wòakpɔ wò o, va se ɖe esime wòaɖu nu vɔ hafi." data/train/RUT/RUT_002_Verse_006.mp3,"Dzikpɔla la ɖo eŋu be, “Ɖetugbi si tso Moabnyigba dzi va kple lɔ̃xoa, Naomi lae." data/train/RUT/RUT_004_Verse_010.mp3,"Naomi xɔ ɖevi la da ɖe atata, eye wòkpɔ edzi." data/train/RUT/RUT_001_Verse_021.mp3,"Ŋutsu la ŋkɔe nye Elimelek, srɔ̃a ŋkɔe nye Naomi, eye wo viŋutsu eveawo ŋkɔwoe nye Maxlon kple Kilion. Wonye Efraimtɔwo tso Betlehem, Yuda heʋu va Moabnyigba dzi, eye wonɔ afi ma." data/train/RUT/RUT_003_Verse_006.mp3,"Esi Boaz ɖu nu, eye wòno nu vɔ la, eyi ɖamlɔ anyi dzidzemetɔe ɖe afi si woƒo lu ƒu ɖo la. Rut wɔ ɖɔɖɔɖɔ yi ɖaɖe avɔ le Boaz ƒe afɔ gbɔ, eye wòmlɔ eƒe afɔ nu." data/train/RUT/RUT_004_Verse_000.mp3,"Ale ame siwo katã nɔ agboa nu la gblɔ be, “Míenye ɖasefowo. Yehowa nana be nyɔnu sia, ame si gbɔna wò aƒe me fifia la nazu abe Rahel kple Lea, ame siwo tu Israel ƒe aƒe la katã la ene. Wò alɔ nade dzi le Efrata, eye nàxɔ ŋkɔ le Betlehem." data/train/RUT/RUT_003_Verse_000.mp3,"Ale Rut mlɔ Boaz ƒe afɔ nu va se ɖe fɔŋli. Efɔ kaba hafi ŋu ke nyuie, elabena Boaz gblɔ nɛ be, “Mègana ame aɖeke nanya be nyɔnu aɖe va lugbɔƒe le afi sia o.”" data/train/RUT/RUT_002_Verse_022.mp3,"Yehowa naɖo nyui si nèwɔ la teƒe na wò. Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si gbɔ nèva le sitsoƒe dim le la naɖo eteƒe na wò.”" data/train/RUT/RUT_002_Verse_013.mp3,"Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Boaz tso Betlehem va agble la, eye wòdo gbe na dɔwɔlawo be, “Yehowa nanɔ anyi kpli mi!” Woɖo eŋu be, “Yehowa nayra wò!”" data/train/RUT/RUT_004_Verse_003.mp3,"Ale ŋutsu la ɖe eƒe afɔkpa esi wògblɔ na Boaz be, “Wò ŋutɔ àte ŋu aƒlee faa.”" data/train/RUT/RUT_004_Verse_020.mp3,"Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ekema nyemate ŋui o, elabena Rut viŋutsu ava anyi nye hã nye dome, eye wòagblẽ vinyewo ƒe domenyinuwo me, eya ta àte ŋu aƒlee faa.”" data/train/RUT/RUT_002_Verse_000.mp3,"Ale Rut fɔ nuku siwo ge ɖe agblea dzi la va se ɖe fiẽ. Emegbe la, enyɔ lu siwo wòfɔ ƒo ƒu la, eye eƒe dzidzeme anɔ lita blaeve-vɔ-eve." data/train/RUT/RUT_002_Verse_019.mp3,"Rut, Moab nyɔnu la yi edzi be, “Egblɔ nam gɔ̃ hã be magava, eye manɔ nuxalawo yome kplikplikpli va se ɖe esime woawu nukuawo xaxa le agble blibo la me nu.”" data/train/RUT/RUT_004_Verse_008.mp3,"eye mekpɔ be ele be maƒo nu kpli wò tso eŋu, ale be ne èlɔ̃ la, nàƒlee le bubume siawo, ame siwo nye míaƒe ɖasefowo la ƒe ŋkume. Ne èdi be yeaƒlee la, ekema nàna manya fifi laa, elabena ne màƒlee o la, maƒlee. Wòe nye ame gbãtɔ si aƒlee; nyee nye evelia.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Enyo, maƒlee.”" data/train/RUT/RUT_001_Verse_007.mp3,Eya ta eya kple lɔ̃xoyɔvi eveawo dzra ɖo hedze mɔ ɖo ta aƒe. data/train/RUT/RUT_003_Verse_005.mp3,"Ebiae be, “Wò ame kae?” Rut ɖo eŋu be, “Nye Rut, wò dɔlanyɔnue, nye aƒetɔ. Keke wò avɔ ɖe wò dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye.”" data/train/RUT/RUT_001_Verse_016.mp3,"Vinyenyɔnuwo, mitrɔ yi miaƒe aƒe me. Ne mesusu be mɔkpɔkpɔ gale asinye, eye meɖe srɔ̃ zã sia me, eye medzi viŋutsuwo hã la," data/train/RUT/RUT_001_Verse_013.mp3,"Nu geɖewo nɔ asinye esi medzo le afi sia, ke Yehowa na metrɔ gbɔ kple asi ƒuƒlu. Nu ka ta miayɔm be Naomi esime Yehowa Ŋusẽkatãtɔ trɔ megbe dem, eye wòna fukpekpe va dzinye ɖo?”" data/train/RUT/RUT_001_Verse_009.mp3,"Ke Naomi gblɔ na wo be, “Vinyenyɔnuwo, mitrɔ dzo. Nu ka ta miayi kplim ɖo? Ɖe mate ŋu adzi viŋutsuwo na mi miaɖea?" data/train/RUT/RUT_004_Verse_013.mp3,"Nyɔnuwo gblɔ na Naomi be, “Woakafu Yehowa, ame si megblẽ wò ɖi le egbeŋkekea dzi, ale be ƒometɔ manɔ asiwò o; ɖevia naxɔ ŋkɔ le Israel blibo la me," data/train/RUT/RUT_002_Verse_005.mp3,"Boaz ɖo eŋu be, “Mese nu siwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò tso esime srɔ̃a ku. Menya nu tso ale si nègblẽ fofowò, dawò kple mia de ɖi kple ale si nèva le ame siwo mènya tsã o dome la ŋu." data/train/RUT/RUT_003_Verse_011.mp3,"Ke kuxi ɖeka aɖe le nya la ŋu. Enye nyateƒe be wò ƒometɔe menye, ke ame bubu aɖe gali si do ƒome kpli wò wum." data/train/RUT/RUT_002_Verse_020.mp3,"Rut tsɔ lu la yi dua me, eye lɔ̃xoa kpɔ esi sinu wòte ŋu fɔ. Kpe ɖe esia ŋu la, Rut he nuɖuɖu si wòɖu la ƒe susɔe ɖe go, eye wòtsɔe nɛ." data/train/RUT/RUT_002_Verse_002.mp3,"Ale Rut yi. Nukutɔe la, agble si me wòyi la nye Boaz, ame si nye Naomi srɔ̃, Elimelek ƒe ƒometɔ la tɔ." data/train/RUT/RUT_003_Verse_015.mp3,"Tete Naomi gblɔ na Rut be, “Vinyenyɔnu, lala va se ɖe esime nàkpɔ ale si nya la ava wu enui ɖa, elabena Boaz madzudzɔ o, va se ɖe esime wòakpɔ ta na nya la egbea.”" data/train/RUT/RUT_002_Verse_015.mp3,"Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia be, “Yehowa neyrae! Medzudzɔ agbagbeawo kple kukuawo nu veve kpɔ o. Ŋutsu la nye míaƒe ƒometɔ ŋutɔŋutɔ, eye wònye ƒometɔ siwo wòle be woakpɔ mía dzi la dometɔ ɖeka.”" data/train/RUT/RUT_004_Verse_005.mp3,"Boaz yi edzi be, “Ne èƒle anyigba la le Naomi si la, ekema ele na wò be nàɖe Rut, Moab nyɔnu la, ale be wòate ŋu adzi vi si alé srɔ̃a kukua ƒe ŋkɔ ɖe te, eye anyigba la nazu eƒe domenyinu.”" data/train/RUT/RUT_001_Verse_012.mp3,"Naomi ɖo eŋu be, “Migayɔm azɔ be Naomi o. Naomi gɔmee nye dzidzɔnu. Miyɔm azɔ be Mara. Mara gɔmee nye vevesese, elabena Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la na nye agbenɔnɔ zu vevesese sɔŋ." data/train/RUT/RUT_003_Verse_013.mp3,"Lé ŋku ɖe afi si wòamlɔ la ŋu, eye nàyi aɖaklo avɔ ɖa le eƒe afɔ gbɔ, eye nàmlɔ eƒe afɔ nu. Ekema agblɔ nu si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la na wò.”" data/train/RUT/RUT_001_Verse_002.mp3,"Ale Naomi kple lɔ̃xoyɔvia Rut, Moab nyɔnu la gbɔ tso Moabnyigba dzi. Wova ɖo Betlehem le nuŋeɣi la ƒe gɔmedzedze." data/train/RUT/RUT_002_Verse_009.mp3,"Gbe ɖeka la, Rut gblɔ na Naomi be, “Medi be mayi dɔmenyotɔ aɖe ƒe agble ne mafɔ nuku si nuxalawo gblẽ ɖi la va aƒe me.” Naomi gblɔ be, “Enyo; heyi.”" data/train/RUT/RUT_002_Verse_001.mp3,"Ale Rut lé eɖokui ɖe Boaz ƒe dɔlanyɔnuwo ŋu henɔ nukuwo fɔm va se ɖe esime lu kple ƒo ŋeɣi wu enu, eye wònɔ lɔ̃xoa gbɔ." data/train/RUT/RUT_002_Verse_018.mp3,"Nya siawo sese na Rut de ta agu, tsyɔ mo anyi, eye wògblɔ be, “Nu kae na nètsɔ ɖe le nye nya me? Nu ka ta nève amedzro aɖe nu ale ɖo?”" data/train/RUT/RUT_003_Verse_007.mp3,"Esi wòɖo aƒe me la, lɔ̃xoa biae be, “Vinyenyɔnu, aleke nèdee?” Rut gblɔ nu sia nu si Boaz wɔ nɛ la na lɔ̃xoa," data/train/RUT/RUT_001_Verse_017.mp3,"Viŋutsu eve siawo ɖe Moab nyɔnuwo; ɖeka ŋkɔe nye Orpa, eye evelia ŋkɔe nye Rut. Esi wonɔ afi ma abe ƒe ewo ene la," data/train/RUT/RUT_003_Verse_003.mp3,"Boaz do ɣli be, “Meda akpe na Mawu ɖe ɖetugbi abe wò ene ta, elabena ègale Naomi nu vem fifia wu tsã gɔ̃ hã. Eme kɔ ƒãa be ŋutsu aɖe si metsi abe nye ene o, eɖanye ame dahe alo hotsuitɔ o, eyae anyo na wò wu hafi. Ke èɖe asi le ɖokuitɔdidi ŋu, ale be nàɖem, eye nàdzi domenyila na Naomi." data/train/RUT/RUT_001_Verse_003.mp3,"ale woyi mɔzɔzɔa dzi va se ɖe esime woɖo Betlehem. Zi ƒo le du blibo la me. Nyɔnuwo bia be, “Naomi nye esia nyateƒea?”" data/train/RUT/RUT_001_Verse_019.mp3,"Wogblɔ na Naomi be, “Míakplɔ wò ɖo ayi wò ƒometɔwo gbɔ.”" data/train/RUT/RUT_004_Verse_009.mp3,"eye mexɔ Rut, Moab nyɔnu la, ame si nye Maxlon srɔ̃ hã wòzu srɔ̃nye, ale be wòate ŋu adzi ŋutsuvi be srɔ̃a kukua ƒe ŋkɔ natsi eƒe domenyinuwo ŋu, eye eƒe ŋkɔ magabu le ƒomea kple dua me o.”" data/train/RUT/RUT_002_Verse_003.mp3,"Boaz bia eƒe dɔwɔlawo dzi kpɔla be, “Ɖetugbi kae nye ema?”" data/train/RUT/RUT_004_Verse_011.mp3,"nena wò agbenɔnɔ nazu yeye, eye wòakpɔ dziwò le wò nyagãkuku me, elabena lɔ̃xoyɔviwò, ame si lɔ̃ wò, ame si sɔ gbɔ na wò wu ŋutsuvi adre lae dzii na wò.”" data/train/RUT/RUT_002_Verse_021.mp3,"Rut ɖo eŋu be, “Akpe na wò, nye aƒetɔ. Èkpɔ nublanui nam ŋutɔ, èna nye dzi dze eme ɖe ale si nèƒo nu nam lɔlɔ̃tɔe ta, togbɔ be nyemede wò subɔla aɖeke nu o hã.”" data/train/RUT/RUT_003_Verse_012.mp3,"Le zãtitina lɔƒo la, Boaz ɖi vo, nyɔ hefɔ bɔbɔ nɔ anyi. Ekpɔ nyɔnu aɖe wòmlɔ eƒe afɔ nu." data/train/RUT/RUT_003_Verse_002.mp3,"Azɔ la, vinye, megavɔ̃ o. Mawɔ nya sia ƒe akpa ɖe sia ɖe ŋu dɔ, elabena ame sia ame nya be ènye ame tɔxɛ aɖe." data/train/RUT/RUT_003_Verse_004.mp3,"Boaz gagblɔ nɛ hã be, “Ɖo wò taɖedzi la ɖe anyigba.” Esi Rut wɔ alea la, Boaz ku lu dzidzenu ade kɔ ɖe avɔ la me, eye wòlée nɛ. Ale wòtrɔ yi aƒe me." data/train/RUT/RUT_002_Verse_010.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, woalũ nuku aɖewo tso nuku babla me ada ɖe eŋgɔ be wòafɔ, eye womegabia nya aɖekee o." data/train/RUT/RUT_004_Verse_007.mp3,"Enye kɔnu le Israel ɣe ma ɣi be ne ame aɖe di be yeatsɔ yeƒe ɖuƒe na ame bubu la, ekema aɖe eƒe afɔkpa le afɔ atsɔ na amea le ɖasefowo ƒe ŋkume. Nuwɔna sia nye kpeɖodzi na amewo be nua zu ame evelia tɔ." data/train/RUT/RUT_003_Verse_016.mp3,"Tsi afi sia dɔ. Ne ŋu ke la, maƒo nu kplii. Ne aɖe wò la, ekema enyo; newɔ eƒe dɔdeasi. Ke ne maɖe wò o la, ekema meta Yehowa be nye ŋutɔ maɖe wò. Mlɔ afi sia va se ɖe esime ŋu nake.”" data/train/RUT/RUT_001_Verse_006.mp3,"Esi Naomi kpɔ be Rut ɖo kplikpaa be yeayi kpli ye la, edzudzɔ nyaƒoƒo ɖe enu," data/train/RUT/RUT_003_Verse_017.mp3,"Ŋutsu si le nye susu me lae nye Boaz. Enyo dɔ me na mí ŋutɔ, eye gawu la, míaƒe ƒometɔ wònye. Menya be ele lu gbɔ ge le zã sia me le eƒe lugbɔƒe," data/train/RUT/RUT_004_Verse_004.mp3,"Boaz gblɔ na eƒe ƒometɔ la be, “Ènya Naomi, nyɔnu si gbɔ tso Moabnyigba dzi va mía gbɔa? Ele mía nɔvi Elimelek ƒe anyigba dzram," data/train/RUT/RUT_001_Verse_005.mp3,"Elimelek, Naomi srɔ̃ ku, eye wòsusɔ Naomi kple via ŋutsu eveawo." data/train/RUT/RUT_002_Verse_008.mp3,"Esi wògayi nukua fɔfɔ dzi la, Boaz gblɔ na nuxalawo be woana wòafɔ nukuawo le bablawo me, eye womegaxe mɔ nɛ kura o." data/train/RUT/RUT_001_Verse_018.mp3,"Wogade asi avifafa me. Orpa gbugbɔ nu na lɔ̃xoa hedo hedenyui nɛ, eye wòtrɔ yi aƒe me, ke Rut ya lé ɖe lɔ̃xoa ŋu." data/train/RUT/RUT_002_Verse_016.mp3,"Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia Rut be, “Vinyenyɔnu, anyo na wò be nànɔ eƒe nyɔnuviwo ŋu, elabena ne èyi ame bubu aɖe ƒe agble me la, ɖewohĩ woava wɔ nuvevi wò.”" data/train/RUT/RUT_003_Verse_001.mp3,"Ale Rut yi lugbɔƒe la, eye wòwɔ nu si lɔ̃xoa gblɔ nɛ la pɛpɛpɛ." data/train/RUT/RUT_004_Verse_001.mp3,"Ale Boaz gblɔ na ɖasefoawo kple ame siwo nɔ tsitre ƒo xlã wo la be, “Miekpɔ be egbe, eya ta meƒle Elimelek, Kilion kple Maxlon ƒe nuwo katã le Naomi si," data/train/RUT/RUT_004_Verse_015.mp3,"Perez ƒe dzidzimeviwo yi ale: Perez dzi Hezron," data/train/RUT/RUT_002_Verse_011.mp3,"Le ŋdɔnuɖuɣi la, Boaz yɔ Rut, eye wògblɔ nɛ be, “Va nàɖu nu kpli mí.” Rut nɔ dɔwɔlawo dome heɖu nu kpli wo ɖi ƒodo nyuie, eye nuɖuɖu si wonae la ƒe ɖe gasusɔ." data/train/RUT/RUT_001_Verse_022.mp3,"ɖe mialala va se ɖe esime woatsia? Ɖe mianɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee va se ɖe ɣe ma ɣia? Ao, vinyenyɔnuwo, ele veyem na mi wu miawo ŋutɔ gɔ̃ hã, elabena Yehowa do asi ɖe gbɔnye!”" data/train/RUT/RUT_003_Verse_014.mp3,"Rut ɖo eŋu be, “Enyo, mesee; mawɔ nu sia nu si nègblɔ la.”" data/train/RUT/RUT_001_Verse_001.mp3,"Ale Naomi gblɔ nɛ be, “Rut, atsuwòsi trɔ yi eƒe amewo kple eƒe mawuwo gbɔ; wò hã, trɔ nàyi aƒe me kplii.”" data/train/RUT/RUT_004_Verse_019.mp3,"Wonɔ anyi, eye Boaz yɔ dua ƒe ame tsitsiwo be woava nɔ anyi abe ɖasefowo ene." data/train/2CH/2CH_028_Verse_011.mp3,"Esa vɔ na Damaskotɔ siwo ɖu edzi le aʋa me la ƒe mawuwo elabena ebu be, mawu siawoe kpe ɖe Siria fia ŋu eya ta woakpe ɖe ye hã ŋu ne yesa vɔ na wo. Ke mawu mawo boŋue he dzɔgbevɔ̃e va eya ŋutɔ kple Israel katã dzi." data/train/2CH/2CH_023_Verse_021.mp3,Yehoiada na akplɔwo kple akpoxɔnuwo asrafomegãwo siwo le ame alafawo nu. Aʋawɔnu siawo nye Fia David tɔwo tsã eye wodzra wo ɖo ɖe gbedoxɔ la me. data/train/2CH/2CH_012_Verse_008.mp3,Fia Sisak ɖu Yuda du siwo woglã la katã dzi eye wòɖo Yerusalem. data/train/2CH/2CH_033_Verse_009.mp3,"Eye nyemana Israel ƒe afɔ nage le anyigba si metsɔ na fofowòwo la dzi o, nenye be wolé nye sewo, ɖoɖowo kple kɔnuwo siwo katã mena wo to Mose dzi la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko.”" data/train/2CH/2CH_024_Verse_018.mp3,"Woŋlɔ nu tso Yoas ƒe viŋutsuwo, fiƒode siwo woli kɔe ɖe Yoas dzi kple ale si wogakɔ gbedoxɔ la ŋuti la ɖe Fiawo ƒe ŋutinyawo me. Esi Yoas ku la, via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/2CH/2CH_031_Verse_021.mp3,"Yehiel, Azazia, Nahat, Asahel, Yerimɔt, Yozabad, Eliel, Ismakia, Mahat kple Benaya nye dɔdzikpɔlawo nɔ Konania kple nɔvia ŋutsu Simei te le Fia Hezekia kple Azaria, Mawu ƒe gbedoxɔ dzikpɔla la ƒe ɖoɖo nu." data/train/2CH/2CH_030_Verse_012.mp3,Fia la kple eƒe dziɖulawo kple ameha blibo la si nɔ Yerusalem ɖo tame be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti evelia me. data/train/2CH/2CH_009_Verse_028.mp3,"Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si ŋu wò nu nyo eye wòtsɔ wò da ɖe eƒe fiazikpui dzi be nànye fia, anɔ Yehowa, wò Mawu la teƒe le lɔlɔ̃ si wò Mawu tsɔ na Israel kple eƒe didi be yealé wo ɖe asi ɖaa ta la, eɖo wò Fiae ɖe wo nu be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàhe dzɔdzɔenyenye vɛ.”" data/train/2CH/2CH_035_Verse_007.mp3,"Hadzilawo, ame siwo nye Asaf ƒe viwo la nɔ woƒe nɔƒewo eye wozɔ ɖe ɖoɖo siwo Fia David, Asaf, Heman kple Yedutun, fia la ƒe nyagblɔɖila wɔ da ɖi ƒe geɖewo do ŋgɔ la dzi. Agbonudzɔlawo dzɔ agboawo nu, womedzo le woƒe agbowo nu o elabena wo nɔvi Levitɔwo tsɔ woƒe nuɖuɖu yi na wo." data/train/2CH/2CH_006_Verse_014.mp3,"ekema se woƒe gbedodoɖa le dziƒo, wò nɔƒe la eye nàwɔ nu si wobia wò la na wo. Ekema anyigbadzitɔwo katã anya nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu eye woavɔ̃ wò abe ale si wò ŋutɔ wò Israelviwo vɔ̃a wòe ene, ale woawo hã anya be gbedoxɔ sia, si metu na wò la nye tɔwò nyateƒe." data/train/2CH/2CH_025_Verse_012.mp3,"Fia Yoas do lo sia na Amazia be, “Ŋuve sue aɖe le Lebanon towo dzi gblɔ na sedati be, ‘Tsɔ viwò nyɔnu nam maɖe na vinye ŋutsu.’ Le ɣe ma ɣi tututu la, lã wɔadã aɖe va nye avuzi le ŋuve la dzi eye wògbãe ɖe anyigba." data/train/2CH/2CH_029_Verse_001.mp3,Ale wowu nyitsuawo eye nunɔlaawo tsɔ ʋua hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Emegbe wowu agboawo eye wotsɔ woƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Nenema ke wowu alẽviawo eye wotsɔ eƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. data/train/2CH/2CH_010_Verse_016.mp3,"Rehoboam ɖo eŋu na wo be, “Miyi miatrɔ agbɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.” Ale ameawo dzo." data/train/2CH/2CH_009_Verse_022.mp3,"Seba fianyɔnu la gblɔ na fia la be, “Nutsotso siwo katã mese le nye ŋutɔ nye dukɔ me tso wò dzidzedzekpɔkpɔwo kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe." data/train/2CH/2CH_035_Verse_006.mp3,"Futɔwo ƒe aŋutrɔdalawo ŋɔ Fia Yosia kple woƒe aŋutrɔwo eye wode abi eŋu. Yosia do ɣli na eŋumewo be, “Mitsɔm dzoe le aʋagbe la dzi.”" data/train/2CH/2CH_004_Verse_018.mp3,"Wotsɔ zɔ la da ɖe nyitsu wuieve dzi. Etɔ̃ dze ŋgɔ anyiehe, etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe eye etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Wotsɔ zɔ la da ɖe wo tame eye zɔ la ƒe afɔwo le woƒe titina." data/train/2CH/2CH_035_Verse_018.mp3,"Neko ɖo amewo ɖe Yosia gbɔ be, “Nyemedi be mawɔ aʋa kpli wò, Yuda fia, o! Meva be mawɔ aʋa kple ame si mekpe aʋa kplii ko. Ɖe asi le ŋunye elabena Mawu gblɔ nam be, mawɔ kaba eya ta mègade nu Mawu ƒe nya sia me ne wòatsrɔ̃ wò o elabena Mawu li kplim.”" data/train/2CH/2CH_005_Verse_010.mp3,"Kpo siawo didi ale gbegbe be, woƒe nugbɔwo didi gbɔ aɖaka la ŋu, woate ŋu akpɔ wo tso xɔ emetɔ, Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me, gake womate ŋu akpɔ wo le Kɔkɔeƒe la godo o. Wogale afi ma va se ɖe egbe." data/train/2CH/2CH_030_Verse_008.mp3,"eya ta woɖe gbeƒã Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu to Israelnyigba blibo la dzi, tso Dan yi Beerseba eye wokpe ame sia ame va Yerusalem hena ŋkekenyuia ɖuɖu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, elabena eteƒe didi Israelviwo megaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ, abe ale si woŋlɔe ɖi ene o." data/train/2CH/2CH_030_Verse_024.mp3,Womete ŋu ɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe o elabena nunɔla siwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu la mesɔ gbɔ o eye ameawo mekpe ta ɖe Yerusalem o. data/train/2CH/2CH_018_Verse_028.mp3,"Mikaya ɖo eŋu be, “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu to dzinye o.” Etrɔ ɖe ame siwo le tsitre le afi ma la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Mide dzesi nya si megblɔ.”" data/train/2CH/2CH_008_Verse_012.mp3,Solomo sa numevɔwo na Yehowa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui si wòɖi ɖe akpata si le gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi. data/train/2CH/2CH_011_Verse_016.mp3,Nunɔlawo kple Levitɔwo tso woƒe towo me le anyigba blibo la dzi lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi. data/train/2CH/2CH_006_Verse_011.mp3,"ekema, se eƒe gbe le dziƒo, nàtso afia na ame si tɔ dzɔ, nàbu fɔ agɔdzela la eye nàna eƒe fɔɖiɖi nava eƒe ta dzi. Wɔ na ame si tɔ dzɔ la ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye nu." data/train/2CH/2CH_001_Verse_010.mp3,"matsɔ nunya kple sidzedze si nèbia la na wò! Hekpe ɖe esiawo ŋu la, matsɔ kesinɔnuwo, ga kple bubu si tɔgbi nyemena fia aɖeke kpɔ haɖe o la, na wò! Gawu la, fia gã sia tɔgbi aɖeke maganɔ anyi akpɔ gbeɖe le xexe blibo la me o!”" data/train/2CH/2CH_006_Verse_019.mp3,"Ke azɔ la, metia Yerusalem, be nye ŋkɔ nanɔ afi ma eye azɔ la metia David be wòanɔ nye dukɔ, Israel nu.’ ”" data/train/2CH/2CH_029_Verse_000.mp3,Ale Levitɔwo nɔ klalo kple David ƒe haƒonuwo eye nunɔlaawo nɔ klalo kple woƒe kpẽwo. data/train/2CH/2CH_018_Verse_011.mp3,"“Eɖo eŋu be, ‘Mayi abe aʋatsokagbɔgbɔ ene, aɖo nume na eƒe nyagblɔɖilawo katã.’ “Yehowa gblɔ be, ‘Esia anyo eye wòadze edzi hã, yi, nàwɔ alea.’" data/train/2CH/2CH_021_Verse_016.mp3,"Nu sia na Nyagblɔɖila Eliya ŋlɔ agbalẽ sia nɛ be, “Yehowa, tɔgbuiwò David ƒe Mawu la be, esi mèto fofowò Yehosafat alo Fia Asa ƒe afɔtoƒe o," data/train/2CH/2CH_021_Verse_007.mp3,"Gake Edomtɔwo do le Yuda ƒe kɔkuti te va se ɖe egbe. Libna hã dze aglã elabena Yehoram trɔ le Yehowa, fofoawo ƒe Mawu yome." data/train/2CH/2CH_017_Verse_015.mp3,"Wotsɔ Yehowa ƒe Segbalẽ la ɖe asi, hetsa le Yuda duwo katã me eye wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la ameawo." data/train/2CH/2CH_027_Verse_008.mp3,"Yotam wɔ aʋa kple Amonitɔwo ƒe fia eye wòɖu edzi. Le ƒe ma me la, Amonitɔwo tsɔ klosalo si ƒe kpekpeme nye kilogram akpe etɔ̃ alafa ene (3,400), lu tɔn akpe eve alafa eve (2,200) kple ƒo tɔn akpe eve alafa eve (2,200) vɛ nɛ. Amonitɔwo tsɔ nu siawo ke vɛ nɛ le ƒe evelia kple etɔ̃lia siaa me." data/train/2CH/2CH_022_Verse_000.mp3,Ahazia hã nye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab ene elabena dadaa do ŋusẽe be wòanɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi. data/train/2CH/2CH_035_Verse_014.mp3,"Levitɔwo ƒe kplɔlawo, Konania, Semaya kple Netanel kple nɔviawo, Hasabia, Yeiel kple Yozabad na alẽ kple gbɔ̃ akpe atɔ̃ (5,000) kple nyitsu alafa atɔ̃ (500) Levitɔwo hena woƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔsa." data/train/2CH/2CH_006_Verse_041.mp3,"“Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, si tsɔ eƒe nu gblɔ nya na fofonye David eye wòwɔ ŋugbe si wòdo nɛ la dzi azɔ. Mawu gblɔ na David bena," data/train/2CH/2CH_013_Verse_008.mp3,"Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Dadae nye Mikaya si nye Uriel tso Gibea ƒe vinyɔnu. Azɔ la, aʋa nɔ Abiya kple Yeroboam dome." data/train/2CH/2CH_010_Verse_012.mp3,Ke Rehoboam gbe mexɔ aɖaŋu si dumemetsitsiawo ɖo nɛ la o ke boŋ eyi ɖade aɖaŋu kple ehati siwo nɔ esubɔm. data/train/2CH/2CH_002_Verse_014.mp3,"“Mele aɖaŋudɔwɔlawo ƒe amegã aɖe, ame si nye Huram Abi, nunyala xɔŋkɔ aɖe la ɖom ɖe wò." data/train/2CH/2CH_003_Verse_015.mp3,"Wofa sika si me woɖe mawudɔlawo ɖo la ɖe gbedoxɔ la ƒe gliwo, daɖedziwo, ʋɔtruwo kple kpuiawo katã ŋu." data/train/2CH/2CH_033_Verse_012.mp3,"ke eya metrɔ dzime abe fofoa ene o, ke boŋ Amon yi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi." data/train/2CH/2CH_028_Verse_016.mp3,"Gawu la, ewɔ nu ma ke le Yuda ƒe du ɖe sia ɖe me eye wòto esia me do dɔmedzoe na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu." data/train/2CH/2CH_024_Verse_009.mp3,Fia la kple Yehoiada tsɔa ga la naa ŋutsu siwo wɔa dɔ siwo hiã le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. Wotsɔa gliɖolawo kple atikpalawo be woaɖɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖo. Nenema kee wotsɔa gayibɔ kple akɔbli dɔwɔlawo be woaɖɔ gbedoxɔ la ɖo. data/train/2CH/2CH_028_Verse_002.mp3,Ale asrafomegãwo tsɔ aboyomeawo kple afunyinuawo de asi na dukɔa kplɔlawo be woabu ta me tso nu si woawɔ kple wo la ŋu. data/train/2CH/2CH_030_Verse_022.mp3,"“Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, le wò dɔmenyo ta la, tsɔ nu vɔ̃ ke ame siwo le subɔwòm kple woƒe dzi blibo togbɔ be womekɔ wo ɖokuiwo ŋu o hã.”" data/train/2CH/2CH_017_Verse_008.mp3,"Ewɔ ɖoɖowo ɖe dukɔmedɔ geɖewo wɔwɔ ŋu eye wòda aʋakɔ gã aɖe ɖe Yerusalem, si nye eƒe fiadu la me." data/train/2CH/2CH_008_Verse_014.mp3,Woawoe nye ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã ƒe dzidzimeviwo ame siwo Israelviwo metsrɔ̃ o la. Fia Solomo na wowɔ dɔ abe kluviwo ene abe ale si wòle va se ɖe egbe ene. data/train/2CH/2CH_026_Verse_003.mp3,"Azaria nye fia nyui aɖe eye Yehowa kpɔ ŋudzedze le eŋu abe ale si wòkpɔe le fofoa, Amazia, ŋu ene" data/train/2CH/2CH_032_Verse_023.mp3,"Le nu siawo megbe la Asiria fia Senakerib kple aʋakɔwo ɖe to ɖe Lakis du la, eye wòdɔ amewo ɖa be woagblɔ na Yuda fia Hezekia kple Yudatɔ siwo katã le afi ma be," data/train/2CH/2CH_035_Verse_025.mp3,Yosia gbugbɔ nunɔlawo ɖo woƒe dɔwo nu eye wòdo ŋusẽ wo be woagadze woƒe dɔwo wɔwɔ gɔme le gbedoxɔ la me. data/train/2CH/2CH_028_Verse_017.mp3,"Israelviwo ƒe aʋakɔwo ɖe aboyo Yudatɔwo ƒe nyɔnu kple ɖevi akpe alafa eve (200,000) eye woha afunyinu geɖewo tsɔ yi Samaria." data/train/2CH/2CH_025_Verse_004.mp3,"Azɔ la, Yuda fia, Amazia, se eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe eye wòho aʋa ɖe Israel fia, Yoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu ƒe tɔgbuiyɔvi ŋu." data/train/2CH/2CH_025_Verse_023.mp3,"Ne èna woyi aʋa la kple wò amewo la, aleke ke miawɔ aʋa lae hã la, woaɖu mia dzi kokoko elabena ŋusẽ le Mawu si be wòakpe ɖe mia ŋu loo alo wòagblẽ nu me na mi.”" data/train/2CH/2CH_020_Verse_000.mp3,"Abe ale si wòdzɔ kpɔ va yi ene la, esi dukɔ siwo ƒo xlã wo se be, Yehowa ŋutɔe wɔ aʋa kple Israel ƒe futɔwo la, vɔvɔ̃ ɖo wo le Mawu ŋu." data/train/2CH/2CH_018_Verse_034.mp3,"Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab, Israel fia, nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’ “Amewo do susu vovovowo ɖa." data/train/2CH/2CH_029_Verse_032.mp3,Wodze nu siawo katã wɔwɔ gɔme le Ɣleti gbatɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi eye woɖo xɔxɔnu egodotɔ le ŋkeke enyilia dzi. Wowɔ dɔ le afi sia hã ŋkeke enyi; ale wotsɔ ŋkeke wuiade wɔ dɔ blibo lae. data/train/2CH/2CH_024_Verse_020.mp3,Woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem be woatsɔ adzɔga si Mawu ƒe dɔla Mose bia tso Israel si le gbea dzi la vɛ na Yehowa. data/train/2CH/2CH_010_Verse_000.mp3,"Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be, woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi, ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu." data/train/2CH/2CH_018_Verse_007.mp3,"Aʋa la nu nɔ sesẽm ɖe edzi ŋkeke blibo la. Israel fia la ziɔ ɖe nu ŋuti le eƒe tasiaɖam la me henɔ aʋa la dzi kple Arameatɔwo, ke esi ɣe ɖo to ko la, eku." data/train/2CH/2CH_018_Verse_022.mp3,"Le ƒe ʋɛe aɖewo megbe la, eyi Samaria be yeakpɔ Fia Ahab ɖa eye Fia Ahab wu alẽ kple nyi geɖewo heɖo kplɔ̃ na Yehosafat kple eƒe amewo. Ahab bia Yehosafat be wòakpe ɖe ye ŋu yewoaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu." data/train/2CH/2CH_027_Verse_006.mp3,"Yotam Ewɔ nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa, Uzia, wɔ ene. Ke eya mege ɖe gbedoxɔ la me abe fofoa ene o; ke eƒe amewo ya yi nu gbegblẽ wɔwɔ dzi." data/train/2CH/2CH_014_Verse_004.mp3,"Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpui siwo nɔ togbɛawo dzi kple woƒe aƒeliwo, emu Aserim legbawo ƒu anyi" data/train/2CH/2CH_029_Verse_035.mp3,"Wotu ʋɔawo goŋgoŋgoŋ, wotsi akaɖi si nɔa bibim la eye womegadoa dzudzɔ alo sãa numevɔ hã o" data/train/2CH/2CH_019_Verse_011.mp3,"Yehosafat ɖo ʋɔnudrɔ̃ƒewo anyi le Yerusalem hã eye wòda Levitɔwo, nunɔlawo, hlɔ̃wo ƒe tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe wo nu." data/train/2CH/2CH_026_Verse_009.mp3,"Etu mɔwo ɖe Negeb hã eye wòɖe vudo geɖewo elabena lãha geɖewo nɔ esi le balimewo kple gbadzaƒewo. Agbledede doa dzidzɔ nɛ ale agble kple waingble geɖewo nɔ esi, le toawo ŋu kple balime afi si nukuwo nyona le nyuie." data/train/2CH/2CH_022_Verse_010.mp3,"Nu sia trɔ zu vodada gã aɖe wòwɔ, elabena Mawu ɖo be yeahe to na Ahazia le eƒe ɖekawɔwɔ kple Yoram ta. Ɣeyiɣi sia mee Ahazia kple Yehoram kpe ɖe Yehu, Nimsi ƒe vi, ŋu le esime wònye Yehue Yehowa ɖo ɖa be, wòatsi Ahab ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu." data/train/2CH/2CH_023_Verse_016.mp3,"Mi Levitɔwo ƒe viwo, mitsɔ aʋawɔnuwo ɖe asi, midzɔ fia la ŋu eye miawu ame sia ame si adze mi age ɖe gbedoxɔ la me. Minɔ fia la ŋu kplikplikpli!”" data/train/2CH/2CH_017_Verse_019.mp3,Yehowa nɔ kple Yehosafat elabena ewɔ nu nyui abe ale si fofoa wɔ le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔwo me ene eye mesubɔ legbawo o. data/train/2CH/2CH_020_Verse_019.mp3,"ke meɖe nuxeƒewo ɖa le togbɛawo dzi o eye ameawo hã meɖo ta me be yewoasubɔ wo fofowo ƒe Mawu haɖe o," data/train/2CH/2CH_003_Verse_013.mp3,"Tete Solomo na wodze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme. Wotui ɖe Yerusalem, le Moria to la dzi, afi si Yehowa ɖe eɖokui fia Solomo fofo, Fia David le, afi si Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe nɔ. David tia teƒe ma be wòanye gbedoxɔ la ƒe nɔƒe." data/train/2CH/2CH_028_Verse_024.mp3,"Miɖo tom eye miagbugbɔ miaƒe ƒometɔwo ayi wo dewoe kpoo elabena azɔ la, Yehowa ƒe dɔmedzoe le bibim sesĩe ɖe mia ŋu.”" data/train/2CH/2CH_034_Verse_010.mp3,"Esi wòxɔ ƒe wuiade le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me la, ede asi tɔgbuia David ƒe Mawu didi me eye le ƒe ene bubu megbe la, ede asi nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me le Yuda kple Yerusalem. Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo eye wòho aƒeliwo le nuxeƒeawo." data/train/2CH/2CH_035_Verse_008.mp3,"Israelvi siwo nɔ Yerusalem la kpɔ gome le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu me. Le esia megbe la, woɖu Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui ŋkeke adre." data/train/2CH/2CH_024_Verse_004.mp3,Dɔnunɔlawo katã kple ameawo katã tsɔ woƒe nudzɔdzɔwo vɛ kple dzidzɔ eye woda wo ɖe nudzɔɖaka la me va se ɖe esime wòyɔ banaa. data/train/2CH/2CH_019_Verse_009.mp3,"Nu siwo wòɖo na wo be woawɔ la woe nye, “Ele be miawɔ nu sia nu ɣe sia ɣi le mawuvɔvɔ̃ me kple nuteƒewɔdziwo." data/train/2CH/2CH_023_Verse_001.mp3,Ame aɖeke mage ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o negbe nunɔlawo kple Levitɔ siwo anɔ dɔ wɔm ko. Woawo ya ate ŋu age ɖe eme elabena wokɔ wo ŋu ke ele na ame bubuawo be woadzɔ teƒe siwo Yehowa de asi na wo la ŋu. data/train/2CH/2CH_023_Verse_007.mp3,"Esi Atalia se se howɔwɔ kple ɣli si amewo tsɔ nɔ fia la kafum la, eyi ɖe ame siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la gbɔ." data/train/2CH/2CH_012_Verse_011.mp3,"kple tasiaɖam akpe ɖeka alafa eve (1,200), sɔdola akpe blaade (60,000) kple aʋawɔla siwo mele xexlẽ me o. Ame siwo kpe ɖe Fia Sisak ŋu la woe nye, Libiatɔwo, Sukimtɔwo kple Kustɔ siwo tso Egipte." data/train/2CH/2CH_011_Verse_014.mp3,Levitɔwo ɖe asi le woƒe lãnyiƒewo kple nunɔamesiwo gɔ̃ hã ŋu eye wova Yuda kple Yerusalem elabena Yeroboam kple via ŋutsuwo gbe be womaganye nunɔlawo na Yehowa o. data/train/2CH/2CH_012_Verse_007.mp3,"Fia Rehoboam ɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du si Mawu tia wɔ eƒe nɔƒee le ŋkuléle ɖe Israel duwo katã ŋu megbe la me. Rehoboam ɖu fia esi wòxɔ ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Naama eye wònye Amoni nyɔnu aɖe." data/train/2CH/2CH_029_Verse_031.mp3,"Woawo hã yɔ Levitɔ bubuawo, wokɔ wo ɖokuiwo ŋuti eye wode asi gbedoxɔ la dzadzraɖo kple eŋu kɔkɔ me, abe ale si fia la gblɔ Yehowa ƒe nya na wo eye wòɖe gbe na wo be woawɔ ene." data/train/2CH/2CH_034_Verse_013.mp3,Eya ŋutɔ ɖakpɔ ale si wogbã Baal ƒe vɔsamlekpui kple ale si womu aƒeli siwo nɔ vɔsamlekpui la tame la ƒu anyi kple ale si wogbã legbawoe eye wotu wɔ heʋuʋu ɖe ame siwo sa vɔ na legba mawo la ƒe yɔdowo dzi la teƒe. data/train/2CH/2CH_003_Verse_009.mp3,"Nenema ke kerubi evelia ƒe aʋala ɖeka, si didi mita eve kple afã la tɔ gbedoxɔ la ƒe gli eye eƒe aʋala evelia, si hã didi mita eve kple afã la, tɔ kerubi gbãtɔ ƒe aʋala." data/train/2CH/2CH_001_Verse_003.mp3,"eye Solomo kple ameha blibo la yi vɔsaƒe si le Gibeon. Mawu ƒe agbadɔ si Mose, Yehowa ƒe dɔla tu le gbedzi la nɔ afi ma." data/train/2CH/2CH_016_Verse_002.mp3,Asa ku le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaene-vɔ-ɖekɛlia me eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ. data/train/2CH/2CH_012_Verse_014.mp3,Rehoboam nye fia vɔ̃ɖi aɖe elabena meɖo ta me kura be yeadze Yehowa ŋu o. data/train/2CH/2CH_028_Verse_008.mp3,"Efraim ƒe kplɔlawo ƒe amegã aɖewo hã ƒo nu tsi tsitre ɖe nuwɔna sia ŋu. Ame siawoe nye Azaria, Yehohanan ƒe vi kple Berekia, Mesilemɔt ƒe vi kple Yehizkiya, Salum ƒe vi kple Amasa, Hadlai ƒe vi." data/train/2CH/2CH_020_Verse_006.mp3,"Azɔ la, kpɔ ale si wodi be yewoaɖo eteƒe na mí ɖa! Wova be woanya mí le wò anyigba si nèna mí la dzi." data/train/2CH/2CH_031_Verse_006.mp3,"Esi Hezekia kple eƒe dziɖulawo kpɔ nu siwo woƒo ƒu ɖi la, wokafu Yehowa eye woyra eƒe amewo, Israelviwo." data/train/2CH/2CH_018_Verse_020.mp3,"Ke Yehosafat bia be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila mele afi sia, si míabia gbee oa?”" data/train/2CH/2CH_006_Verse_018.mp3,"eye ne wotrɔ susu le anyigba si dzi woɖe aboyo wo yi, wotrɔ dzime eye woƒo koko na wò le aboyonyigba dzi hegblɔ be, ‘Míewɔ nu vɔ̃, míeda vo eye míewɔ nu ŋutasẽtɔe’ la," data/train/2CH/2CH_030_Verse_015.mp3,"Ke ame aɖewo ya tso Aser, Manase kple Zebulon ƒe viwo dome trɔ ɖe Mawu ŋu eye wova Yerusalem." data/train/2CH/2CH_032_Verse_019.mp3,Hezekia wɔ takpekpe kple eƒe fiaviŋutsuwo kple eƒe aɖaŋudelawo. Woɖo be yewoaxe vudo siwo le dua godo. data/train/2CH/2CH_015_Verse_004.mp3,"eye wòɖakpe Fia Asa esi wòtrɔ gbɔna tso aʋa. Azaria do ɣli be, “Asa, ɖo tom! Yuda kple Benyamin ƒe aʋakɔwo, miɖo to! Yehowa anɔ kpli mi ŋkeke ale si mianɔ eyome! Ɣe sia ɣi si miadii ko la, miakpɔe gake ne miegbugbɔ le eyome la, eya hã agbugbɔ le mia yome." data/train/2CH/2CH_009_Verse_001.mp3,Ale Fia Solomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel dukɔ blibo la dzi ƒe blaene. data/train/2CH/2CH_010_Verse_019.mp3,"Ɖekakpuiawo, ame siwo nye ehatiwo la gblɔ nɛ be, “Gblɔ na ame siwo, gblɔ na wò be, ‘Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi eya ta wɔ wò kɔkuti la wodzoe’ la be, ‘Nye asibidɛ kɔtoetɔ lolo wu fofonye ƒe alime." data/train/2CH/2CH_024_Verse_003.mp3,"Azɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ va dze Zekaria, Yehoiada ƒe vi, dzi. Eyɔ ameawo katã ƒo ƒu. Etsi tsitre ɖe kplɔ̃ aɖe dzi le ameawo ŋgɔ hegblɔ na wo be, “Mawu di be yeanya nu si na miele yeƒe sewo dzi wɔm o. Nu sia tae naneke megadzea edzi na mi o. Miegble Yehowa ɖi eya ta eya hã gble mi ɖi azɔ.”" data/train/2CH/2CH_006_Verse_006.mp3,"“Azɔ la, Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo elabena mezu fia ɖe fofonye teƒe eye metu gbedoxɔ la na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ." data/train/2CH/2CH_034_Verse_026.mp3,"Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me, esi wòɖe nu vɔ̃wo ɖa le anyigba la dzi kple gbedoxɔ la ŋuti vɔ la, etia Safan, Azalia ƒe viŋutsu kple Maaseya, be woanye mɔmefia le Yerusalem. Etia Yoa, Yoahaz ƒe vi be wòanye dua ƒe gadzikpɔla eye wòadzra Yehowa, eƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ɖo." data/train/2CH/2CH_003_Verse_017.mp3,Xɔtutu la ŋutɔ dze egɔme le ɣleti evelia ƒe ŋkeke evelia dzi le Fia Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me. data/train/2CH/2CH_012_Verse_001.mp3,"Esi fia la bɔbɔ eɖokui la, Yehowa na eƒe dɔmedzoe nu tso eye metsrɔ̃ ameawo keŋkeŋ o. Le Sisak ƒe aʋawɔwɔ kpli wo emegbe gɔ̃ hã la, meda ahe o." data/train/2CH/2CH_034_Verse_000.mp3,Ale fia la yɔ Yuda kple Yerusalem ƒe dumegãwo ƒo ƒu. data/train/2CH/2CH_036_Verse_012.mp3,"Le Sirus ƒe fiaɖuɖu ɖe Persia dzi ƒe ƒe gbãtɔ me la, be yeawɔ Yehowa ƒe nya si Yeremia gblɔ dzi la, Yehowa ʋa Sirus, Persia fia ƒe dzi be wòaɖe gbeƒã le eƒe anyigba blibo la dzi eye wòade gbeƒãɖeɖe sia nuŋɔŋlɔ me be," data/train/2CH/2CH_030_Verse_006.mp3,"Esi ameawo dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋu o ta la, womete ŋu wu alẽviwo na Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu o eya ta Levitɔwo wu wo na wo eye wotsɔ alẽviawo de asi na Yehowa." data/train/2CH/2CH_029_Verse_007.mp3,"Esi ŋu ke ŋdi kanyaa la, Fia Hezekia yi Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple dumegãwo." data/train/2CH/2CH_030_Verse_013.mp3,"Hekpe ɖe esia ŋu la, ame siwo tso Efraim, Manase, Isaka kple Zebulon ƒe hlɔ̃wo me va la, dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋuti o ale womenɔ Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum nyuie ɖe se la nu o. Fia Hezekia do gbe ɖa ɖe wo ta be," data/train/2CH/2CH_007_Verse_012.mp3,"“Ke wò la, ne àzɔ le ŋkunye me, aɖi anukware abe fofowò, David ene eye nàwɔ nye seawo dzi, alé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la," data/train/2CH/2CH_010_Verse_006.mp3,"Ewɔ ɖe ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo boŋ dzi eye wògblɔ be, “Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe; nye ya mana kɔkuti la nagakpe wu. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti; nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.”" data/train/2CH/2CH_018_Verse_012.mp3,"Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?”" data/train/2CH/2CH_023_Verse_009.mp3,"Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, heto Dzigbegbo la me yi fiasã la me eye wotsɔ fia la ɖo fiazikpui la dzi." data/train/2CH/2CH_031_Verse_017.mp3,"nunɔlagã Azaria, tso Zadok ƒe hlɔ̃ me, ɖo eŋu be, “Esiawoe nye nuwo ƒe ewolia ƒe ɖeka! Míele nu ɖum tso nu siawo me kɔsiɖa geɖewo nye esi gake nu gbogbo siawo gasusɔ elabena Yehowa yra eƒe amewo.”" data/train/2CH/2CH_001_Verse_002.mp3,"Esia koe nye nu si mehiã elabena èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David la dzi eye nètsɔm ɖo Fiae ɖe dukɔ si me viwo sɔ gbɔ abe anyigbadzike ene la dzi!" data/train/2CH/2CH_007_Verse_003.mp3,"ekema ne nye dukɔ, ame siwo ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo abɔbɔ wo ɖokui, ado gbe ɖa, adi nye ŋkume eye woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, mase woƒe gbedodoɖa le dziƒo, matsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo eye mayɔ dɔ woƒe anyigba." data/train/2CH/2CH_003_Verse_001.mp3,Etsi xɔmetsovɔ si nye aklala si wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka lɔ̃e eye wota mawudɔlawo ɖe eme la ɖe xɔ sia ƒe mɔnu. data/train/2CH/2CH_033_Verse_024.mp3,"Woŋlɔ nu bubu siwo yi edzi le Manase ƒe fiaɖuɖu me, eƒe gbe si wòdo ɖa na eƒe Mawu, nya siwo nukpɔlawo gblɔ nɛ le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me la katã ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me." data/train/2CH/2CH_008_Verse_015.mp3,Womeda le fia la ƒe sededewo na nunɔlawo alo Levitɔwo dzi le nya aɖeke me o. Nenema kee nye nudzraɖoƒewo ƒe nyawo hã. data/train/2CH/2CH_008_Verse_018.mp3,Ɣeyiɣi sia me kee Solomo ho aʋa ɖe Hamat Zoba du la ŋu eye wòɖu edzi. data/train/2CH/2CH_021_Verse_010.mp3,"Ke Yehoram yi afi ma kple eƒe amegãwo kpakple tasiaɖamwo katã. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo." data/train/2CH/2CH_014_Verse_001.mp3,Asa do go yi be yeakpee eye eƒe amewo dze aʋa ɖi ɖe Zefata bali la me te ɖe Maresa ŋu. data/train/2CH/2CH_011_Verse_007.mp3,"Elɔ̃ Maaka, Absalom ƒe vinyɔnu, wu srɔ̃a bubuawo kple eƒe ahiãviwo. Srɔ̃ wuienyi kple ahiãvi blaade, viŋutsu blaeve-vɔ-enyi kple vinyɔnu blaade nɔ esi." data/train/2CH/2CH_016_Verse_005.mp3,"Esi Baasa se nya si dzɔ ko la, edzudzɔ Rama du la tutu kple eƒe dɔ la." data/train/2CH/2CH_029_Verse_018.mp3,"Hezekia ɖe gbe be woawɔ numevɔsa la le vɔsamlekpui la dzi. Esi wodze vɔsasa la gɔme la, hadzidzi na Yehowa hã dze egɔme eye kpẽkuku kple hadzidziŋunu siwo Israel fia David wɔ la kplɔe ɖo." data/train/2CH/2CH_026_Verse_016.mp3,"Mawu kpe ɖe eŋu, menye le aʋawɔwɔ kple Filistitɔwo ɖeɖe ko me o, ke boŋ le aʋa siwo wòwɔ kple Gur Baal ƒe Arabiatɔwo kple Meunitɔwo hã me." data/train/2CH/2CH_007_Verse_016.mp3,"“Ne metu dziƒowo nu ale be tsi megale dzadzam o alo meɖe gbe na ʋetsuviwo be woaɖu nu siwo le anyigba dzi alo medɔ dɔvɔ̃ ɖe dukɔ la dome la," data/train/2CH/2CH_015_Verse_002.mp3,Egbugbɔ klosalo kple sika kple ŋudɔwɔnu siwo ŋu eya kple fofoa kɔ la va Mawu ƒe gbedoxɔ la me. data/train/2CH/2CH_005_Verse_002.mp3,"Esi Israelviwo ƒe ametsitsiwo katã va ɖo la, Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la," data/train/2CH/2CH_026_Verse_006.mp3,"Ema eƒe aʋakɔ la ɖe aʋalɔglowo me eye wòde amewo wo me abe ale si Yeiel, aʋakɔ la ƒe nuŋlɔla kple eƒe kpeɖeŋutɔ Maaseya, ɖoe da ɖi ene. Aʋafia gã lae nye aʋakplɔla Hananiya." data/train/2CH/2CH_030_Verse_023.mp3,Wogbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo katã le Yerusalem eye wolɔ woƒe gbagbãwo yi ɖakɔ ɖe Kidron tɔʋu la me. data/train/2CH/2CH_012_Verse_002.mp3,"Esi Rehoboam ku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Abiya ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/2CH/2CH_015_Verse_017.mp3,Wova ƒo ƒu ɖe Yerusalem le ɣleti etɔ̃lia me le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me. data/train/2CH/2CH_017_Verse_006.mp3,Esia ta Yehowa na wòli ke abe Yuda fia ene. Yuda ƒe viwo katã xea woƒe dugawo ale wòzu kesinɔtɔ gã aɖe eye amewo lɔ̃e ŋutɔ. data/train/2CH/2CH_017_Verse_017.mp3,"Yehohanan nye aʋafia si kplɔe ɖo eye wònɔ aʋawɔla akpe alafa eve blaenyi (280,000) nu." data/train/2CH/2CH_033_Verse_008.mp3,"eya ta Yehowa dɔ Asiria ƒe aʋakɔ la ɖa, wolé Manase heƒo ga ɖe ŋɔti nɛ. Wode akɔblikɔsɔkɔsɔe eye woɖe aboyoe yi Babilonia." data/train/2CH/2CH_019_Verse_007.mp3,"Mikpɔ nyuie be miatso afia bubu tso esi Mawu gblɔ na mi be miatso la gbɔ o elabena mele be afiaŋkunɔtsotso, ameŋkumekpɔkpɔ alo zãnuxɔxɔ nanɔ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo me o.”" data/train/2CH/2CH_024_Verse_007.mp3,"Esi wowu dɔ la nu la, wotsɔ ga si susɔ la vɛ na fia la kple Yehoiada eye wotsɔe wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔmenu siawoe: subɔsubɔnuwo, numevɔsanuwo kple agbawo kple klosalo kple sikanuwo. Zi ale si Yehoiada nɔ agbe la, numevɔsa yi edzi ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe gbedoxɔ me." data/train/2CH/2CH_028_Verse_007.mp3,Edze fia siwo nɔ Israel la ƒe kpɔɖeŋuwo yome eye wòsubɔ Baal ƒe legbawo. data/train/2CH/2CH_014_Verse_002.mp3,"Asa ƒe amewo nya wo yi keke Gerar ke eye wofiti Kustɔwo ƒe aʋakɔ blibo la ale gbegbe be, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o elabena Yehowa kple eƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ wo katã. Yuda ƒe aʋakɔ la ha aboyonu geɖewo ŋutɔ." data/train/2CH/2CH_032_Verse_028.mp3,"Tete dada si nɔ Hezekia ƒe dzi me la vee eye wòtrɔ dzi me. Yerusalem nɔlawo hã wɔ nenema ke, eya ta Yehowa ƒe dziku la mebi ɖe wo ŋu le Hezekia ƒe ŋkekewo me o." data/train/2CH/2CH_034_Verse_007.mp3,"Egblɔ na wo be, “Nu si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye, Gblɔ na ame si ɖo wò ɖe gbɔnye la be," data/train/2CH/2CH_025_Verse_005.mp3,"Dzi ɖo Amazia ƒo, ekplɔ eƒe aʋakɔ yi Dze Balime eye wowu ame akpe ewo tso Seir." data/train/2CH/2CH_031_Verse_000.mp3,"Ale Fia Hezekia wɔ ɖoɖo ɖe numama ŋu le Yudanyigba blibo la dzi; ewɔ nu si nyo eye wòdze la, le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume." data/train/2CH/2CH_018_Verse_001.mp3,Ale Israel fia kple Yuda fia kplɔ woƒe aʋakɔwo yi Ramot Gilead. data/train/2CH/2CH_032_Verse_032.mp3,"Ɖe mienya be Fia Hezekia tututue nye ame si ɖe eƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, ‘Mide ta agu ɖe vɔsamlekpui ɖeka ma si le gbedoxɔ la me ŋu eye miado dzudzɔ le eya ɖeɖe ko dzi’ oa?" data/train/2CH/2CH_020_Verse_021.mp3,"Le aɖaŋuɖoɖo kple dukɔa kplɔlawo vɔ megbe la, eɖo be hadzilawo nado awu siwo ŋu wokɔ, anɔ zɔzɔm le aʋakɔ la ŋgɔ, “Atsɔ kafukafu kple akpedada na Yehowa eye woanɔ ha dzim be, eƒe amenuveve li tegbee.”" data/train/2CH/2CH_001_Verse_016.mp3,"Tete Solomo ƒo nu na Israel blibo la, na asrafo akpewo kple asrafo alafawo dzi kpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple kplɔlawo katã le Israel kple ƒometatɔwo" data/train/2CH/2CH_026_Verse_014.mp3,"Le fofoa Amazia ƒe ku megbe la, egbugbɔ Elat du la tu eye wògbugbɔe xɔ na Yuda." data/train/2CH/2CH_008_Verse_003.mp3,Etso Tadmɔ du la ɖe gbegbe kple du bubuwo ɖe Hamat abe nudzraɖoƒe duwo ene. data/train/2CH/2CH_002_Verse_010.mp3,"Ke ame kae ate ŋu atu xɔ si adzee la nɛ? Dziƒo kɔkɔtɔ kekeake gɔ̃ hã ƒe nyonyo made o! Gawu la, ame kae menye be woaɖe mɔ nam be matu gbedoxɔ na Mawu? Ke anye teƒe aɖe si woado dzudzɔ ʋeʋĩ le eŋkume le." data/train/2CH/2CH_018_Verse_002.mp3,"Ale Israel fia la gblɔ na eŋumewo dometɔ ɖeka be, “Yi kaba nàyɔ Mikaya, Imla ƒe vi la vɛ!”" data/train/2CH/2CH_011_Verse_021.mp3,‘Yehowa be migawɔ aʋa kple mia nɔviwo o. Miyi miaƒe aƒewo me elabena gbɔnyee woƒe aglãdzedze sia tso.’ ” Woɖo to Yehowa eye womegawɔ aʋa kple Yeroboam o. data/train/2CH/2CH_033_Verse_020.mp3,Manase wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdze dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ yome. data/train/2CH/2CH_009_Verse_031.mp3,"Woŋlɔ nu bubu siwo Fia Solomo wɔ la ɖe Nyagblɔɖila Natan ƒe ŋutinyawo kple Nyagblɔɖila Ahiya, Silotɔ la ƒe nyagblɔɖiwo kple nukpɔla, ldo ƒe nu siwo wòkpɔ tso Yeroboam, Nebat ƒe vi ŋu la me." data/train/2CH/2CH_018_Verse_029.mp3,"Mlɔeba la, gbɔgbɔ aɖe do ɖe ŋgɔ, tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume eye wògblɔ be, ‘Mable enu ade eme.’ “Ke Yehowa bia be, ‘Aleke nawɔe?’" data/train/2CH/2CH_029_Verse_011.mp3,Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu wo ɖe yaxɔƒe si nɔ ɣedzeƒe lɔƒo data/train/2CH/2CH_026_Verse_019.mp3,"Uzia ku eye woɖii ɖe abɔ si me woɖia fiawo ɖo la gbɔ elabena ameawo gblɔ be, “Edze kpodɔ.” Ke via Yotam ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/2CH/2CH_025_Verse_017.mp3,"Israel ƒe aʋakɔ si Amazia gbugbɔ ɖo ɖe aƒe la, ge ɖe Yudanyigba dzi eye woha nu le du geɖewo me le Bet Horon lɔƒo ɖo ta Samaria. Wowu ame akpe etɔ̃ (3,000) eye woha aboyonu geɖewo." data/train/2CH/2CH_007_Verse_015.mp3,Metia eye mekɔ gbedoxɔ sia ŋuti ale be nye ŋkɔ anɔ afi ma tegbetegbee. Nye ŋkuwo kple nye dzi anɔ afi ma ɣe sia ɣi. data/train/2CH/2CH_005_Verse_012.mp3,"Levitɔ siwo nye haƒolawo, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo nɔ vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe, wodo aklalawu eye wonɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒom. Nunɔla alafa ɖeka blaeve (120) kpe ɖe wo ŋu eye wonɔ kpẽwo kum." data/train/2CH/2CH_025_Verse_007.mp3,"Esi Fia Amazia ɖu Edomtɔwo dzi eye wòtrɔ gbɔ la, etsɔ legba siwo woxɔ le Seirtɔwo si la gbɔe. Etsɔ wo ɖo mawuwoe, dea ta agu na wo eye wòdoa dzudzɔ na wo." data/train/2CH/2CH_024_Verse_012.mp3,"Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wokpa tsitrenuɖaka aɖe da ɖe gota le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo nu." data/train/2CH/2CH_033_Verse_025.mp3,Yehowa se eƒe kukuɖeɖe eye wòna wògbugbɔ va Yerusalem kple eƒe fiaɖuƒe la. Azɔ hafi Manase dze sii mlɔeba be Yehowa nye Mawu nyateƒe! data/train/2CH/2CH_015_Verse_006.mp3,"gake ɣe sia ɣi si wogatrɔ va Yehowa, Israel ƒe Mawu la gbɔ le woƒe fukpeɣiwo me eye wodii la, egakpena ɖe wo ŋu." data/train/2CH/2CH_008_Verse_017.mp3,Wowɔ dɔ siwo katã Solomo de tome be yeawɔ la tso gbe si gbe wòɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpe anyi va se ɖe esime wowu enu. Ale wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu nu. data/train/2CH/2CH_018_Verse_023.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, Israel fia kple Yuda fia Yehosafat do woƒe fiawuwo, eye wonɔ fiazikpuiwo dzi le lugbɔƒe le Samariagbo la gbɔ, eye nyagblɔɖilawo katã nɔ nya gblɔm ɖi le woƒe ŋkume." data/train/2CH/2CH_024_Verse_014.mp3,"Le ɣleti aɖewo megbe la, Siria ƒe aʋakɔ va ɖu Yuda kple Yerusalem dzi eye wowu dukɔa kplɔlawo katã. Woha afunyinu geɖewo ɖo ɖe woƒe fia le Damasko." data/train/2CH/2CH_025_Verse_027.mp3,"Wolé ame akpe ewo bubu agbagbe, kplɔ wo yi to aɖe tame; wotu asi wo tso afi ma eye woge dze agakpewo dzi le balime la, nuvevi wɔ wo eye woku." data/train/2CH/2CH_020_Verse_027.mp3,"Oo míaƒe Mawu, ɖe menye wòe nya trɔ̃subɔla siwo nɔ anyigba sia dzi, esi Israel, wò amewo va ɖo la ɖa oa? Ɖe menye wòe tsɔ anyigba sia na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo oa?" data/train/2CH/2CH_009_Verse_006.mp3,"Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe," data/train/2CH/2CH_007_Verse_000.mp3,"Azɔ la, nye ŋkuwo anɔ ʋuʋu eye nye towo anɔ te ɖe gbe ɖe sia ɖe si woado ɖa le teƒe sia ŋuti." data/train/2CH/2CH_025_Verse_006.mp3,Èle gbɔgblɔm na ɖokuiwò be yeɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?” data/train/2CH/2CH_013_Verse_022.mp3,Ɖe miebu be yewoate ŋu aɖu Yehowa ƒe fiaɖuƒe si nu David ƒe dzidzimevi aɖe le la dzia? Miaƒe aʋakɔ lolo zi eve abe tɔnye ene gake sikanyivi siwo Yeroboam wɔ na mi heyɔ wo be miaƒe mawuwo eye wole mia si la zu fiƒode na mi. data/train/2CH/2CH_030_Verse_004.mp3,"Azɔ la, nunɔlawo kple Levitɔwo tsi tsitre, yra ameawo eye Yehowa se woƒe gbedodoɖawo le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me le dziƒo." data/train/2CH/2CH_010_Verse_008.mp3,"Fia Rehoboam dɔ Adoniram, ame si kpɔa dzizizidɔwo ƒe nyawo gbɔ la ɖe Israel gake Israelviwo ƒu kpee wòku. Ke hã la Fia Rehoboam dze agbagba ge ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòsi yi Yerusalem." data/train/2CH/2CH_003_Verse_010.mp3,Sikagatagbadzɛ siwo ŋu dɔ wowɔ la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye gram alafa atɔ̃ blaadre. Wofa sika ɖe xɔtaxɔawo hã me. data/train/2CH/2CH_025_Verse_024.mp3,"Nu sia do dɔmedzoe na Yehowa ŋutɔ, eya ta wòɖo nyagblɔɖila aɖe ɖa be wòabia Amazia be, “Nu ka ta nèsubɔ mawu siwo mete ŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe amewo tso wò asi me o ɖo?”" data/train/2CH/2CH_034_Verse_001.mp3,Ale Hilkia kple fia ƒe ame dɔdɔwo yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu nyagblɔɖila sia nye Tokhat ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Hasra si dzi Tokhat nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla. data/train/2CH/2CH_010_Verse_004.mp3,"Esi Israel katã kpɔ be fia la gbe toɖoɖo wo la, woɖo eŋu na fia la be, “Gomekpɔkpɔ kae le mía si le David me eye domenyinu kae míaxɔ tso Yese vi la gbɔ? Oo Israel, miyi miaƒe agbadɔwo me! Oo David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ!” Ale Israelviwo katã dzo yi aƒe me." data/train/2CH/2CH_013_Verse_020.mp3,"Yuda fia, Abiya, va kpɔ ŋusẽ gã ŋutɔ. Eɖe srɔ̃ wuiene eye viŋutsu blaeve-vɔ-eve kple vinyɔnu wuiade nɔ esi." data/train/2CH/2CH_034_Verse_021.mp3,"Hilkia gblɔ na Safan, nuŋlɔla la be, “Mefɔ Segbalẽ la le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.” Etsɔe na Safan." data/train/2CH/2CH_004_Verse_013.mp3,"Solomo gawɔ gagba ewo da ɖi be woaklɔ numevɔsanuwo ɖe wo me; atɔ̃ le dziehe gome eye atɔ̃ hã le dziehe gome na gazɔ gã la. Nunɔlawo mewɔa gagbawo ŋudɔ le tsilele me o, ke boŋ wowɔa gazɔ la ŋu dɔ." data/train/2CH/2CH_035_Verse_022.mp3,Woŋlɔ Yosia ƒe nuwɔna kple dɔ nyui bubuwo wɔwɔ kple ale si wòwɔ Yehowa ƒe sewo dzi la data/train/2CH/2CH_032_Verse_010.mp3,"Esi eme kɔ ƒãa be Fia Senakerib ɖo ta me be yeaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu la," data/train/2CH/2CH_029_Verse_028.mp3,Numevɔsawo sɔ gbɔ kpe ɖe woƒe nunovɔsawo ŋu eye akpedavɔsawo hã sɔ gbɔ. Ale wogadze mawusubɔsubɔ kple vɔwo sasa gɔme le gbedoxɔ la me. data/train/2CH/2CH_011_Verse_004.mp3,"Edze aye, kaka Via ŋutsu bubuawo ɖo ɖe du siwo woglã la me le Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Ena nunɔamesiwo wo fũu eye wòɖe srɔ̃ geɖewo na wo dometɔ ɖe sia ɖe." data/train/2CH/2CH_020_Verse_017.mp3,"Ke le eƒe agbe ƒe nuwuwu la, Yuda fia Yehosafat wɔ ɖeka kple Israel fia, Ahazia, ame si nye ame vɔ̃ɖi aɖe." data/train/2CH/2CH_018_Verse_018.mp3,"Ke Mikaya gblɔ be, “Meta Mawu be, nya si Mawu gblɔ la ko magblɔ.”" data/train/2CH/2CH_029_Verse_016.mp3,"Hezekia gblɔ be, “Míewu ŋutikɔkɔ ƒe kɔnuwo nu, azɔ la, mitsɔ miaƒe nunanawo kple akpedavɔsanuwo vɛ.” Ale ameawo tso dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe tsɔ woƒe nunanawo kple akpedavɔsanuwo vɛ eye ame siwo lɔ̃ la, tsɔ numevɔsanuwo hã vɛ." data/train/2CH/2CH_001_Verse_001.mp3,"Azɔ la, Solomo dzo le agbadɔ la me, eɖi tso togbɛ la dzi le Gibeon heyi Yerusalem be yeaɖu Israel dzi." data/train/2CH/2CH_014_Verse_013.mp3,"Womeha nuwo ɖeɖe ko le duawo me o, ke boŋ wogbã lãhawo ƒe agbadɔwo hã eye wokplɔ ale kple kposɔ geɖewo dzoe va Yerusalem." data/train/2CH/2CH_015_Verse_019.mp3,Ŋutifafa aɖeke menɔ anyi esime wodze aglã ɖe Mawu ŋu o. Nuwo kpeke wo le go ɖe sia ɖe me eye nu vɔ̃ wɔwɔ nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi le afi sia afi. data/train/2CH/2CH_026_Verse_004.mp3,"Aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa etɔ̃ kple adre kple alafa atɔ̃ (307,500) nɔ aʋakɔ la me." data/train/2CH/2CH_006_Verse_010.mp3,"ekema ne wotrɔ va gbɔwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le anyigba si dzi wole aboyome le eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe anyigba si nètsɔ na wo fofowo kple du si nètia kple gbedoxɔ si metu na wò ŋkɔ la gbɔ la," data/train/2CH/2CH_026_Verse_008.mp3,"Esi nunɔlagã Azaria kple nunɔla bubuawo katã nye kɔ kpɔe la, wokpɔ be edze kpodɔ ɖe ŋgonu eya ta wonyae do goe enumake le gbedoxɔ la me. Le nyateƒe me la, eya ŋutɔ hã tsi dzi na dodo elabena Yehowa ƒoe vevie." data/train/2CH/2CH_008_Verse_005.mp3,"hekpe ɖe dziɖuɖu ƒe dɔdzikpɔla alafa eve blaatɔ̃, ame siwo kpɔa dukɔmenyawo katã dzi la ŋu." data/train/2CH/2CH_035_Verse_001.mp3,"Dumegãwo na lɔlɔ̃nununanawo nunɔlawo kple Levitɔwo. Hilkia, Zekaria kple Yehiel, ame siwo nye gbedoxɔ la dzikpɔlawo la na alẽ kple gbɔ̃ akpe eve alafa ade (2,600) kple nyitsu alafa etɔ̃ (300) abe woƒe Ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsanuwo ene." data/train/2CH/2CH_010_Verse_014.mp3,"Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yeroboam kple ameawo katã trɔ va Rehoboam gbɔ abe ale si fia la gblɔ ene be, “Mitrɔ gbɔ va gbɔnye le ŋkeke etɔ̃ megbe la ene.”" data/train/2CH/2CH_025_Verse_002.mp3,Amazia meɖo to nya sia o elabena Mawu nɔ ɖoɖo wɔm be yeatsrɔ̃e le esi wòde ta agu na Edomtɔwo ƒe mawuwo ta. data/train/2CH/2CH_036_Verse_008.mp3,"Ekplɔ Babilonia fia ƒu wo, ame si wu woƒe ɖekakpuiwo kple yi le Kɔkɔeƒe la eye meve ɖekakpuiwo loo alo ɖetugbiwo, ametsitsi loo alo amegãɖeɖi nu o. Mawu tsɔ wo katã de asi na Nebukadnezar." data/train/2CH/2CH_034_Verse_004.mp3,"Dɔwɔlawo tsɔ dzo ɖe dɔ la ŋu nɔ Yahat kple Obadiya, ame siwo nye Levitɔwo tso Merari ƒe hlɔ̃ la me la ƒe dzikpɔkpɔ te. Zekaria kple Mesulam tso Kohat ƒe hlɔ̃ la me woe nye xɔtudɔdzikpɔlawo. Levitɔ siwo nya saŋkuƒoƒo la, nɔa saŋku ƒom le esime dɔwɔlawo nɔa dɔ dzi." data/train/2CH/2CH_005_Verse_006.mp3,eye wotsɔ nubablaɖaka la kple agbadɔ la kple nu kɔkɔewo siwo katã nɔ eme. Nunɔla siwo nye Levitɔwo lae tsɔ wo; data/train/2CH/2CH_026_Verse_022.mp3,"Wotɔ gbee gblɔ be, “Medze be wò, Uzia, nàdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa o. Nunɔlawo ƒe dɔe, Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo ŋu wokɔ be woado dzudzɔ ʋeʋĩ. Do go le Kɔkɔeƒe la elabena mèwɔ nuteƒe o eye Yehowa Mawu made bubu ŋuwò o.”" data/train/2CH/2CH_022_Verse_001.mp3,"Ahazia xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe ɖeka le Yerusalem. Dadae nye Atalia, ame si nye Omri ƒe tɔgbuiyɔvi." data/train/2CH/2CH_024_Verse_008.mp3,"Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yuda duwo katã me eye miadzɔ xɔtuga le Israelviwo si ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo. Mitso ɖe eŋu kaba! Migahe ɖe megbe o!” Ke Levitɔwo metso ɖe eŋu enumake o." data/train/2CH/2CH_035_Verse_009.mp3,"Ke Yosia metrɔ dzo o, ke boŋ ekplɔ eƒe aʋakɔ la eye wòkpe aʋa kple Fia Neko ƒe aʋakɔ la le Megido balime. Eɖe eƒe fiawu da ɖi ale be futɔwo makpɔe adze sii o. Yosia mexɔe se be Mawu gbɔe Neko ƒe nya la tso o." data/train/2CH/2CH_018_Verse_033.mp3,"“Yehowa de aʋatsokagbɔbgɔ nume na nyagblɔɖila siawo katã, ke nyateƒe lae nye be, Aƒetɔ la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.”" data/train/2CH/2CH_029_Verse_024.mp3,"Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ ƒe ɣleti gbãtɔ me la, eʋu gbedoxɔ la eye wòdzra ʋɔtruawo ɖo." data/train/2CH/2CH_020_Verse_036.mp3,"Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dze ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka dzi. Ame siae nye Yahaziel, ame si fofoe nye Zekaria, ame si fofoe nye Benaya, ame si fofoe nye Yeiel, ame si fofoe nye Matania, Levi ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe viwo dometɔ ɖeka." data/train/2CH/2CH_011_Verse_010.mp3,Eɖo nunɔla bubuwo ɖe wo teƒe eye nunɔla siawo do ŋusẽ ameawo be woasubɔ legbawo ɖe Mawu teƒe eye woasa vɔ na gbɔ̃ kple nyivi siwo wokpa kple ati tsɔ da ɖe togbɛawo dzi. data/train/2CH/2CH_015_Verse_010.mp3,"Le ɣe ma ɣi me la, wotsɔ nyi alafa adre (700), gbɔ̃ kple alẽ akpe adre (7,000) tso afunyinu siwo woha gbɔe la me, sa vɔe na Yehowa." data/train/2CH/2CH_009_Verse_005.mp3,Ena klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene. data/train/2CH/2CH_014_Verse_012.mp3,Nu sia na wòte ŋu tso duwo eye wòɖo gli ƒo xlã wo le Yudanyigba la ƒe akpa sia akpa. data/train/2CH/2CH_008_Verse_016.mp3,"Wosaa vɔ siawo ɖe gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu abe ale si dze ene, ɖe Dzudzɔgbewo, Dzinu Yeyewo kple ŋkekenyui etɔ̃ siwo woɖuna le ƒea me la nu. Esiawoe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui kple Agbadɔ ƒe Ŋkekenyui." data/train/2CH/2CH_026_Verse_005.mp3,Eho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu eye wòɖu Gat kple Yabne kple Asdod dzi eye wòmu woƒe gliwo ƒu anyi. Etso du yeyewo ɖe Asdod nutomewo kple teƒe bubuwo le Filistitɔwo ƒe anyigba dzi. data/train/2CH/2CH_004_Verse_000.mp3,"Akɔbli siwo ŋu dɔ Solomo wɔ la sɔ gbɔ ale gbegbe be, womete ŋu dae o." data/train/2CH/2CH_006_Verse_023.mp3,"“Ke, ɖe Mawu anya nɔ anyigba dzi kple amewoa? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo gɔ̃ hã melolo na wò o, ekema nu kae nye gbedoxɔ sia si metu?" data/train/2CH/2CH_032_Verse_002.mp3,"Ale Hezekia zu kesinɔtɔ kple bubume gã aɖe, etu nudzraɖoƒewo na eƒe klosalo, sika kple kpe xɔasiwo, atike ʋeʋĩwo, akpoxɔnuwo kple sikatrewo." data/train/2CH/2CH_029_Verse_023.mp3,"Le esia megbe la, wotrɔ yi Fia Hezekia gbɔ le eƒe fiasã la me eye wogblɔ nɛ be, “Míewu gbedoxɔ la, numevɔsamlekpui la, Ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃ la kple eŋunuwo ŋu kɔkɔ nu." data/train/2CH/2CH_009_Verse_004.mp3,"Egatsɔ sika wɔ akpoxɔnu ɖagbitɔ alafa etɔ̃ (300), ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye kilo eve. Fia la tsɔ nu siawo da ɖe Lebanon ƒe Avexɔ me le eƒe fiasã la me." data/train/2CH/2CH_020_Verse_011.mp3,"Esi wode asi kafukafuha la dzidzime ko la, Yehowa na Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo kple Seir ƒe to la ƒe aʋakɔwo de asi aʋawɔwɔ me kple wo nɔewo eye wowu wo ŋutɔwo ƒe amewo!" data/train/2CH/2CH_007_Verse_005.mp3,"Esi Solomo wu Yehowa ƒe gbedoxɔ kple fiasã la tutu kple nu siwo katã wòɖo ɖe ta me be yeawɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple eya ŋutɔ ƒe fiasã me nu la," data/train/2CH/2CH_028_Verse_026.mp3,"Wogblɔ be, “Miekpɔ mɔ akplɔ aboyomeawo va afi sia o. Ne miekplɔ wo vɛ la, Yehowa ado dɔmedzoe eye nu vɔ̃ sia akpe ɖe miaƒe nu vɔ̃ bubu geɖeawo ŋu. Dɔmedzoe si Mawu do ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ xoxo.”" data/train/2CH/2CH_030_Verse_018.mp3,"Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ameawo wu alẽviwo hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Ŋukpe lé nunɔlawo kple Levitɔwo, ale wokɔ wo ɖokuiwo ŋu eye wotsɔ numevɔsanuwo yi gbedoxɔ la me." data/train/2CH/2CH_021_Verse_003.mp3,"Esi Yehoram li ke eɖokui nyuie ɖe fofoa ƒe fiaɖuƒea dzi la, ewu nɔviŋutsuwo katã kple Israel ƒe fiaviŋutsu aɖewo hã." data/train/2CH/2CH_012_Verse_015.mp3,"Woŋlɔ Rehoboam ƒe ŋutinya blibo la ɖe nu siwo nyagblɔdila, Semaya kple nukpɔla, Ido ŋlɔ ɖe Dzidzimegbalẽ la me. Aʋa dzɔna ɖe Rehoboam kple Yeroboam dome enuenu." data/train/2CH/2CH_010_Verse_003.mp3,"Ebia wo be, “Nu ka miesusu? Aleke míagblɔ na ame siawo esi wova biam be, ‘Ɖe kɔkuti si fofowò tsɔ da ɖe mía dzi la dzi kpɔtɔ na mí’ mahã?”" data/train/2CH/2CH_024_Verse_023.mp3,"Yehoiada ɖe srɔ̃ eve nɛ, ame siwo dzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nɛ." data/train/2CH/2CH_026_Verse_011.mp3,"Hlɔ̃wo ƒe tatɔwo akpe eve alafa ade (2,600) nɔ aʋalɔglo siawo nu." data/train/2CH/2CH_030_Verse_009.mp3,"Fia Hezekia kafu Levitɔwo le woƒe ha viviwo dzidzi ta. Ale ŋkekenyui la ɖuɖu yi edzi ŋkeke adre. Wosa akpedavɔwo eye amewo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la." data/train/2CH/2CH_008_Verse_004.mp3,"Etu Baalat kple nudzraɖoƒe du bubuwo le ɣeyiɣi sia me, etso du siwo me wòda eƒe tasiaɖamwo kple sɔwo ɖo eye wòtu xɔ siwo katã dzroe la ɖe Yerusalem kple Lebanon kple teƒe bubu vovovowo le anyigba si dzi wònye fia ɖo." data/train/2CH/2CH_036_Verse_006.mp3,"Egipte fia ɖe Yehoahaz le fiazikpui la dzi le Yerusalem eye wòɖo nudzɔdzɔ Yuda dzi be wòana klosaloga kilogram akpe etɔ̃, alafa ene (3,400) kple sikaga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene." data/train/2CH/2CH_001_Verse_000.mp3,"Azɔ la, na nunya kple sidzedzem be maɖu nye amewo dzi nyuie elabena ame ka ate ŋu aɖu dukɔ gã sia tɔgbi abe wò dukɔ la ene dzi le eɖokui si?”" data/train/2CH/2CH_004_Verse_005.mp3,"Ewɔ xɔxɔnu ɖeka na nunɔlawo, bubu na ame mamlɛawo eye wòfa akɔbli ɖe xɔxɔnu sia ƒe gliwo ŋu." data/train/2CH/2CH_013_Verse_007.mp3,"eye Yuda ƒe viwo do aʋaɣli. Esi aʋaɣli la ɖi la, Mawu tsrɔ̃ Yeroboam kple Israel blibo la le Abiya kple Yuda ŋkume." data/train/2CH/2CH_032_Verse_016.mp3,"Eƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu eye wòɖo asrafomegãwo ɖe wo nu, heɖo wo ɖe gbadzaƒe si le dua ŋgɔ. Eƒo nu, de dzi ƒo na wo kple nya siawo be," data/train/2CH/2CH_021_Verse_002.mp3,Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab kple Israel fia bubuawo ene. Eɖe Ahab ƒe vinyɔnu eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. data/train/2CH/2CH_017_Verse_012.mp3,"Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, eɖo ame aɖewo ɖa be woafia nu amewo le Yuda duwo me. Ame siawoe nye Ben Hail, Obadia, Zekaria, Netanel kple Mikaya." data/train/2CH/2CH_030_Verse_017.mp3,"Le Yuda la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nyɔ didi sesẽ aɖe le dukɔ blibo la me be woawɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi abe ale si fia la kple eŋumewo bia tso wo si la ene." data/train/2CH/2CH_032_Verse_009.mp3,"Emegbe la, Hezekia gbugbɔ teƒe siwo duawo ƒe gliwo gbã le la tu hegaglã teƒe bubuwo eye wògaɖo gli bubu ɖe gbãtɔ godo. Egbugbɔ Milo mɔ la glã le David ƒe Du la me eye wòwɔ aʋawɔnu kple akpoxɔnu geɖewo." data/train/2CH/2CH_013_Verse_017.mp3,"Woŋlɔ eƒe ŋutinya katã la ɖe Nyagblɔɖila Ido ƒe agbalẽ, Yuda ƒe Ŋutinya me." data/train/2CH/2CH_002_Verse_004.mp3,"Ekema míadze kpekpakpa kple atitsotso tso Lebanon towo dzi gɔme, woasɔ gbɔ abe ale si nèdi ene. Míada wo ɖe atigbawo dzi ada ɖe atsiaƒua dzi woava ɖo Yopa, ekema àte ŋu alɔ wo tso afi ma ayi Yerusalem.”" data/train/2CH/2CH_016_Verse_000.mp3,"Ale Asa tsɔ klosalo kple sika tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple fiasã la me ɖo ɖe Siria fia, Ben Hadad, le Damasko eye wòɖo du ɖee bena," data/train/2CH/2CH_025_Verse_016.mp3,Israel fia Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda. data/train/2CH/2CH_006_Verse_013.mp3,ekema se woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo le dziƒo eye nàxɔ na wo. data/train/2CH/2CH_033_Verse_017.mp3,Manase kple eƒe amewo meɖo to Yehowa ƒe nyagbegbe na wo o data/train/2CH/2CH_005_Verse_001.mp3,"Emegbe la, nunɔlaawo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le gbedoxɔ la ƒe kɔkɔe ƒe emetɔ si nye Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la me eye wokɔe da ɖe kerubiawo ƒe aʋalawo te." data/train/2CH/2CH_025_Verse_001.mp3,"Amazia bia Mawu ƒe ame la be, “Klosaloga tɔn etɔ̃ kple afã si mexe ɖe Israel ƒe aʋakɔwo ta ya ɖe?” Mawu ƒe ame la ɖo eŋu nɛ be, “Yehowa ate ŋu ana ga wò wòasɔ gbɔ sãa wu ema.”" data/train/2CH/2CH_022_Verse_005.mp3,"Esi Yehu kple eƒe amewo nɔ Ahazia dim la, wokpɔe wòbe ɖe Samaria du me, wolée yi na Yehu eye wòwui. Woɖi Ahazia abe fia ene elabena Fia Yehosafat, ame si subɔ Yehowa kple dzi blibo la ƒe tɔgbuiyɔvie. Ahazia ƒe vi Yoas koe tsi agbe aɖu fia ɖe eteƒe;" data/train/2CH/2CH_036_Verse_003.mp3,"Babilonia fia, Nebukadnezar, ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, ɖu edzi eye wòde kɔsɔkɔsɔ Fia Yehoyakim heɖe aboyoe yi Babilonia." data/train/2CH/2CH_024_Verse_024.mp3,"Yehowae na Siria ƒe aʋakɔ sue la ɖu Yuda ƒe aʋakɔ gã la dzi elabena Yudatɔwo gble Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖi. Ale Mawu he to na Yoas." data/train/2CH/2CH_013_Verse_014.mp3,"Miaƒe fia Yeroboam la, David ƒe vi ƒe subɔla ko wònye eye wònye ame si de eƒe aƒetɔ asi." data/train/2CH/2CH_030_Verse_025.mp3,"Wotsi tsitre ɖe woƒe nɔƒewo abe ale si Mose, Mawu ƒe ame la, ƒe sewo ɖo na wo ene. Levitɔwo tsɔ vɔsalẽwo ƒe ʋu na nunɔlawo eye wohlẽe." data/train/2CH/2CH_013_Verse_004.mp3,"Esime Israel ƒe aʋakɔ la va ɖo Zemaraim to la gbɔ, le Efraim ƒe viwo ƒe anyigba dzi la, Fia Abiya do ɣli gblɔ na Fia Yeroboam kple Israel ƒe aʋakɔ la bena," data/train/2CH/2CH_012_Verse_009.mp3,Ke Fia Rehoboam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe eye wòtsɔ wo de asi na eŋudzɔlawo ƒe amegã. data/train/2CH/2CH_020_Verse_009.mp3,"Eliezer si nye Dodavahu ƒe vi, tso Maresa gblɔ nya ɖi ɖe Yehosafat ŋu be, “Esi nèwɔ ɖeka kple Fia Ahazia ta la, Yehowa gblẽ wò dɔwɔwɔwo me.” Ale tɔdziʋuawo gbã le mɔa dzi eye womete ŋu ɖo Tarsis o." data/train/2CH/2CH_008_Verse_010.mp3,Solomo gbugbɔ kɔƒe siwo Hiram tso nɛ la tu eye wòna Israelviwo yi ɖanɔ wo me. data/train/2CH/2CH_035_Verse_027.mp3,ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinya me. data/train/2CH/2CH_031_Verse_015.mp3,"Kore, Levitɔ, Imna ƒe viŋutsu, Ɣedzeƒegbo la nudzɔla nɔ lɔlɔ̃nununana siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi kpɔm. Enɔ nu siwo wodzɔ na Yehowa la kple nunana siwo ŋu wokɔ la mam." data/train/2CH/2CH_036_Verse_010.mp3,Ke ameawo ɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔwo ŋu eye wodo vlo woƒe nyawo. Woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu va se ɖe esime Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu eye avuléla menɔ anyi o. data/train/2CH/2CH_032_Verse_004.mp3,“Asiria fia Senakerib le biabiam be: Nu ka ŋu miele dzi ɖom ɖo be yewoate ŋu atsi agbe esi meɖe to ɖe Yerusalem dua? data/train/2CH/2CH_034_Verse_002.mp3,Ale wotsɔ wo na dɔnunɔla siwo wotia be woakpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe dzadzraɖodɔwo dzi. Ame siawo xea fe na dɔwɔla siwo dzra gbedoxɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo. data/train/2CH/2CH_023_Verse_003.mp3,Amewo katã kpɔ dzidzɔ le dukɔ la me eye ŋutifafa va dua me azɔ elabena wowu Atalia kple yi. data/train/2CH/2CH_024_Verse_022.mp3,"Yehoiada tsi ŋutɔ, exɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃ (130) hafi ku." data/train/2CH/2CH_009_Verse_002.mp3,"Asitsatɔdziʋu geɖewo nɔ fia la si siwo yia asigbe le atsiaƒu dzi kple Hiram ƒe dɔlawo tɔwo. Wotrɔna gbɔna zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me kple sika, klosalo, nyiɖu kple kese ƒomevi vovovowo kple xewo." data/train/2CH/2CH_016_Verse_012.mp3,"Nyagblɔɖila Hanani yi Fia Asa gbɔ ɣe ma ɣi eye wògblɔ nɛ be, “Esi nèɖo ŋu ɖe Siria fia ŋu eye menye ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu o ta la, Siria fia ƒe aʋakɔ si dzo le gbɔwò." data/train/2CH/2CH_019_Verse_008.mp3,"Ne ʋɔnudrɔ̃lawo tsɔ nyawo tso duta va mia gbɔ la, nenye amewunya alo Mawu ƒe sewo dometɔ aɖe dzi dada la, ele be miabu ɖaseɖiɖiwo ŋu nyuie eye miakpe ɖe ʋɔnudrɔ̃la siwo tso duta ŋu be, woatso afia dzɔdzɔe ne Mawu ƒe dɔmedzoe nagabi ɖe miawo kple woawo siaa ŋu o. Ne miewɔ alea la, ekema miawɔ miaƒe dɔdeasiwo nyuie.”" data/train/2CH/2CH_020_Verse_026.mp3,"Oo míaƒe Mawu, màxe mɔ na wo oa? Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ sesẽ sia nu o. Míenya nu si míawɔ o eya ta míele wò asinu kpɔm.”" data/train/2CH/2CH_013_Verse_021.mp3,Yuda trɔ eye wòkpɔ be woho aʋa ɖe ye ŋu tso ŋgɔgbe kple megbe siaa. Tete wodo ɣli na Yehowa. Nunɔlaawo ku woƒe kpẽwo data/train/2CH/2CH_006_Verse_028.mp3,"Na wò ŋkuwo nanɔ gbedoxɔ sia ŋu zã kple keli, teƒe si ŋu nègblɔ le be wò ŋkɔ anɔ afi ma ale be nàse wò subɔla ƒe gbe si wòado ɖa ɖo ɖe teƒe sia." data/train/2CH/2CH_002_Verse_006.mp3,"“Eya ta ɖo aɖaŋudɔwɔla siwo wɔa sika, klosalo, gadzĩ kple gayibɔ ŋu dɔ kple avɔlɔ̃lawo be woawɔ aɖabɛ dzĩtɔ, ka dzĩ kple aɖabɛ blɔtɔ ŋu dɔ woakpe ɖe dɔwɔla siwo fofonye David tia da ɖi tso Yuda kple Yerusalem la ŋuti." data/train/2CH/2CH_003_Verse_016.mp3,"Woklã sesewuʋuƒowo ɖe gbedoxɔ la ŋutɔ me, wofa sika nyuitɔ ɖe ʋuƒoawo ŋu eye woɖe detiwo kple kɔsɔkɔsɔwo ɖe sika la me." data/train/2CH/2CH_020_Verse_035.mp3,"Yehosafat tsi tsitre ɖe ameawo dome le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu yeye la eye wòdo gbe ɖa bena," data/train/2CH/2CH_016_Verse_010.mp3,Mèɖo ŋku nu si dzɔ ɖe Kustɔwo kple Libiatɔwo kple woƒe aʋakɔ gã la kple woƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo katã dzi oa? Èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣe ma ɣi eye wòtsɔ wo katã de asi na wò data/train/2CH/2CH_004_Verse_015.mp3,"Solomo wɔ Mawu ƒe ɖoɖowo dzi eye wòwɔ sikakaɖiti ewo da ɖe gbedoxɔ la me, atɔ̃ nɔ gli ŋu le dziehe gome eye atɔ̃ hã nɔ gli ŋu le anyiehe gome." data/train/2CH/2CH_024_Verse_017.mp3,"Tete wobla ɖe eŋu eye woƒu kpee le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, le fia la ƒe sedede nu." data/train/2CH/2CH_007_Verse_002.mp3,"ekema makpɔ egbɔ be, wò fiaɖuƒe nali ke abe ale si medo ŋugbe na fofowò David ene hegblɔ nɛ be, ‘Wò ame siwo aɖu fia ɖe Israel dzi la matso o.’" data/train/2CH/2CH_006_Verse_035.mp3,"“Ne wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò, abe ale si amegbetɔ ɖe sia ɖe wɔa nu vɔ̃e ene eye nèdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu hena woƒe futɔwo ɖu wo dzi, woɖe aboyo wo yi dzronyigba aɖe dzi, kpuiƒe alo didiƒe aɖe" data/train/2CH/2CH_006_Verse_042.mp3,"Ɖo to wò subɔla kple Israelviwo ƒe kukuɖeɖe ne wodze ŋgɔ afi sia eye wodo gbe ɖa na wò. Ẽ, se woƒe gbedodoɖa le dziƒo si nye wò nɔƒe eye ne èsee la, ekema nàtsɔ nu vɔ̃wo ake." data/train/2CH/2CH_022_Verse_007.mp3,"Eya ta egbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo wode eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu. Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi, yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta." data/train/2CH/2CH_015_Verse_015.mp3,"Wobla nu be woadi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la kple woƒe dzi blibo kpakple woƒe luʋɔ blibo." data/train/2CH/2CH_032_Verse_007.mp3,"Dɔla siawo ƒo nu tso Yerusalem ƒe Mawu la ŋu abe ɖe wòle abe trɔ̃subɔlawo ƒe mawu, siwo nye legba siwo amegbetɔ wɔ la dometɔ ɖeka ene!" data/train/2CH/2CH_018_Verse_019.mp3,"Ke Syriatɔwo ƒe aʋawɔla ɖeka da aŋutrɔ ɖe Israelʋakɔ la me ko eye wòŋɔ Israel fia la to dometsotso si le eƒe aʋawu etetɔ kple eƒe akɔtakpoxɔnu dome. Israel fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamkula be, “Kplɔm dzoe le afi sia elabena mexɔ abi vevie.”" data/train/2CH/2CH_003_Verse_004.mp3,"Ewɔ kɔsɔkɔsɔwo da ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la, le sɔtiawo tame eye wòtsi yevuboɖa alafa ɖeka ɖe kɔsɔkɔsɔawo ŋu." data/train/2CH/2CH_023_Verse_014.mp3,"Levitɔwo ƒe viwo kple Yuda blibo la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada elabena nunɔlagã Yehoiada, meɖe mɔ na wo wodzo yi aƒe me o." data/train/2CH/2CH_012_Verse_016.mp3,"Ɣe sia ɣi si fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me." data/train/2CH/2CH_001_Verse_009.mp3,"Le zã ma me la, Mawu ɖe eɖokui fia Solomo eye wògblɔ nɛ be, “Bia nu sia nu si dze ŋuwò la eye matsɔe ana wò!”" data/train/2CH/2CH_017_Verse_000.mp3,Ale Yehosafat kpɔ ŋusẽ ŋutɔ; etu mɔwo eye wòtso nudzraɖoƒe duwo ɖe Yudanyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe dzi. data/train/2CH/2CH_002_Verse_009.mp3,"Hiram gagblɔ be, “Woayra Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ame si wɔ dziƒo kple anyigba, ame si tsɔ viŋutsu si wòna nunya kple gɔmesesee la na Fia David be wòatu Mawu ƒe gbedoxɔ kple fiasã na eɖokui." data/train/2CH/2CH_016_Verse_006.mp3,Fia Asa kplɔ Yuda blibo la yi Rama eye wolɔ Fia Baasa ƒe xɔtukpewo kple xɔtutiwo tso afi ma ɖatu Geba kple Mizpa. data/train/2CH/2CH_009_Verse_017.mp3,"ga si asitsalawo tsɔna vɛ nɛ la mele eme o. Hekpe ɖe esia ŋu la, Arabia fiawo katã kple anyigba la dzi mɔmefiawo tsɔa sika kple klosalo vɛ na Solomo." data/train/2CH/2CH_007_Verse_014.mp3,mate nye amewo le nye anyigba si metsɔ na wo la dzi eye maɖe gbedoxɔ sia togbɔ be mekɔ eŋuti na ɖokuinye hã. Mana wòazu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome. data/train/2CH/2CH_010_Verse_018.mp3,"Woɖo eŋu nɛ be, “Ne ànyo dɔme na ame siawo, awɔ nu siwo wodi eye nàna ŋuɖoɖo nyui aɖewo la, woanye wò dɔlawo tegbee.”" data/train/2CH/2CH_033_Verse_007.mp3,"Etsɔa via ŋutsuviwo saa dzovɔe le Ben Hinom ƒe Balime. Ekaa afa, dea nubiaƒe, wɔa adze, dea ŋɔliyɔlawo kple gbɔgbɔwo yɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ." data/train/2CH/2CH_001_Verse_004.mp3,"Eƒo tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene (1,400) kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nu ƒu be woadzɔ du siwo me tasiaɖamwo le la ŋu, togbɔ be woda ɖewo ɖe fia la gbɔ le Yerusalem hã." data/train/2CH/2CH_029_Verse_013.mp3,Fia Hezekia kple eŋumewo ɖe gbe na Levitɔwo be woakafu Yehowa kple David kple nukpɔla Asaf ƒe hagbewo. Ale wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ eye wode woƒe tawo agu hesubɔ. data/train/2CH/2CH_005_Verse_005.mp3,"eye nunɔlaawo magate ŋu awɔ woƒe dɔ o, le lilikpo la ta elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me." data/train/2CH/2CH_023_Verse_019.mp3,"Wotsa le Yudanyigba blibo la dzi eye woƒo Levitɔwo kple Israelviwo ƒe ƒometatɔwo nu ƒu tso duawo katã me. Esi wova ɖo Yerusalem la," data/train/2CH/2CH_018_Verse_031.mp3,"Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.”" data/train/2CH/2CH_023_Verse_005.mp3,"Azɔ la, nu si míawɔ enye si. Mi nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe mama etɔ̃lia ƒe gbãtɔ me tɔwo, ame siwo awɔ dɔ le Dzudzɔgbe la dzi la, miaƒe ŋkuwo anɔ ʋɔtruawo ŋu," data/train/2CH/2CH_006_Verse_009.mp3,"Egbe la, èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David ame si nye wò subɔla la, dzi. Ètsɔ wò nu do ŋugbee eye nètsɔ wò asi wɔ edzi abe ale si wòle egbe ene." data/train/2CH/2CH_001_Verse_005.mp3,Fia David va tu agbadɔ aɖe emegbe ɖe Yerusalem na Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye wòtsɔe tso Kiriat Yearim va afi si wòdzra ɖo ɖi nɛ. data/train/2CH/2CH_002_Verse_013.mp3,Mehiã ati sɔ gbɔ elabena gbedoxɔ si tu ge megbɔna la alolo ŋutɔ eye wòanyo wu gbɔgblɔ. data/train/2CH/2CH_014_Verse_009.mp3,"Fia Asa gblɔ na eƒe amewo be, “Esi Yehowa yra mí eye ŋutifafa le míaƒe anyigba dzi le esi míeɖo toe ta la, mina míatso duwo fifia eye míaglã wo kple gliwo, xɔ tsralawo, agbowo kple gamedetiwo.” Ale wowɔ nu siawo eye nu sia nu dze edzi nyuie." data/train/2CH/2CH_029_Verse_006.mp3,"Esi vɔsawo wu enu la, fia la kple ame siwo katã nɔ teƒea kplii la dze klo hesubɔ." data/train/2CH/2CH_033_Verse_010.mp3,Eɖe dzromawuwo ɖa eye nenema ke wòɖe legba la hã ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. Nenema ke wòɖe vɔsamlekpui siwo katã wòɖi ɖe gbedoxɔa ƒe togbɛ dzi kple le Yerusalem eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe du la godo. data/train/2CH/2CH_026_Verse_018.mp3,"Uzia, ame si lé dzudzɔdonu ɖe asi eye wònɔ klalo be yeado dzudzɔ la, do dɔmedzoe vevie. Esi wònɔ dziku dom ɖe nunɔlaawo ŋu, le wo ŋkume, le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la ŋgɔ la, kpodɔ dze eƒe ŋgonu zi ɖeka." data/train/2CH/2CH_007_Verse_001.mp3,"Azɔ la, Solomo ɖu ŋkekenyui le ɣe ma ɣi me eye Israel katã ɖui kplii. Ameha gã aɖe ŋutɔe wònye, ameawo tso Lebo Hamat va se ɖe Egipte tɔʋu la gbɔ ke." data/train/2CH/2CH_018_Verse_005.mp3,"Aram fia de se na eƒe tasiaɖamdzikpɔlawo be, “Miɖe asi le ame sia ame ŋu eye miati Israel fia ɖeɖe ko yome!”" data/train/2CH/2CH_022_Verse_012.mp3,"Yoas nɔ bebeƒe kpli wo le Mawu ƒe gbedoxɔ la me ƒe ade sɔŋ, esime Atalia nɔ anyigba la dzi ɖum." data/train/2CH/2CH_005_Verse_009.mp3,"Kpẽkulawo kple hadzilawo lé hawo ɖe gbe ɖeka me be woatsɔ kafukafu kple akpedada na Yehowa. Kpẽwo, gakogoewo kple haƒonu bubuwo kpena ɖe hadzilawo ŋu, wokɔa gbe dzi hekafua Yehowa eye wodzia ha be, “Eƒe dɔme nyo; eye eƒe amenuveve li tegbee.” Tete lilikpo aɖe yɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me," data/train/2CH/2CH_031_Verse_005.mp3,"Ena vɔsalãwo tso eya ŋutɔ ƒe lãhawo me hena gbe sia gbe ŋdi kple fiẽ ƒe numevɔsawo kple Dzudzɔgbe kple Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui bubuwo ƒe numevɔsawo, abe ale si Mawu ƒe se la bia tso wo si ene." data/train/2CH/2CH_021_Verse_001.mp3,"Dɔléle, aɖe fu na wò dɔkaviwo eye wò dɔmenuwo aƒaƒã.”" data/train/2CH/2CH_028_Verse_018.mp3,"Ke esi Asiria fia Tilgat Pilneser va ɖo la, eɖe fu na Fia Ahaz le esime wòakpe ɖe eŋu teƒe." data/train/2CH/2CH_029_Verse_005.mp3,"Eda Levitɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo abe ale si David kple Gad, fia la ƒe nukpɔla kple Natan, nyagblɔɖila la ɖoe da ɖi la ene. Yehowae de se sia to eƒe nyagblɔɖilawo dzi." data/train/2CH/2CH_009_Verse_003.mp3,Dzata wuieve le atrakpuifɔflɔ adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Fiazikpui aɖeke meganyo abe esia ene le fiaɖuƒe aɖeke me o. data/train/2CH/2CH_034_Verse_018.mp3,"Gbe ɖeka esi nunɔlagã Hilkia nɔ gbedoxɔ me eye wònɔ ga si wodzɔ le agboawo nu dem agbalẽ me la, ekpɔ Segbalẽ aɖe si me woŋlɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na Mose la ɖo!" data/train/2CH/2CH_034_Verse_012.mp3,"Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume eye wòto tɔgbuia, David ƒe afɔtoƒewo. Medze ɖe ɖusime alo miame o." data/train/2CH/2CH_004_Verse_002.mp3,"Etsɔ gayibɔ wɔ gazɔ si le nogo, eƒe ta ƒe kekeme anɔ mita eve kple afã kpe ɖo, gazɔ la ƒe kɔkɔme anɔ mita ɖeka kple afã. Ne wodzidze zɔ la ƒe kekeme blibo la, anɔ mita wuietɔ̃ kple afã." data/train/2CH/2CH_029_Verse_033.mp3,Wokplɔ gbɔ̃tsu siwo wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la va fia la kple ameha la ŋkume eye woda woƒe asiwo ɖe wo dzi. data/train/2CH/2CH_004_Verse_021.mp3,"zewo, sofiwo kple gaflowo. Huram Abi, aɖaŋutɔ gã la wɔ nu siawo katã kple akɔbli si woƒo la na Fia Solomo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la." data/train/2CH/2CH_018_Verse_027.mp3,"Mikaya ɖo eŋu be, “Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia sia ne èkpɔ be yebe ɖe xɔ emetɔ aɖe me.”" data/train/2CH/2CH_031_Verse_009.mp3,"Eye woma nuwo na nunɔlawo, ame siwo ŋkɔ woƒe ƒomewo ŋlɔ ɖe dzidzimegbalẽawo me. Nenema kee wowɔ na Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu, le woƒe dɔdeasiwo kple woƒe hatsotsowo nu." data/train/2CH/2CH_003_Verse_007.mp3,"Kerubiawo ƒe aʋalawo ƒe didime le mita ewo. Kerubi gbãtɔ ƒe aʋala ɖeka didi mita eve kple afã eye wotɔ gbedoxɔ la ƒe gli. Aʋala evelia, si hã didi mita eve kple afã la tɔ kerubi evelia ƒe aʋala ɖeka." data/train/2CH/2CH_018_Verse_025.mp3,"Mikaya gblɔ nɛ be, “Mekpɔ Israelviwo katã wokaka ɖe togbɛwo dzi abe alẽ siwo si kplɔla aɖeke mele o la ene eye Yehowa gblɔ nam be, ‘Kplɔla mele ame siawo si o; woneyi aƒe me le ŋutifafa me.’ ”" data/train/2CH/2CH_007_Verse_017.mp3,Nunɔlaawo mete ŋu ge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔe fũu. data/train/2CH/2CH_016_Verse_011.mp3,"“Na míagbugbɔ míaƒe dedinɔnɔ ƒe nubabla si nɔ fofowò kple fofonye dome la awɔ yeyee. Kpɔ ɖa, xɔ klosalo kple sika sia ale be nàtu nubabla si le wò kple Israel fia, Baasa dome ale be wòadzudzɔ aʋawɔwɔ kplim.”" data/train/2CH/2CH_013_Verse_016.mp3,"Wosaa numevɔ, doa dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wodaa Ŋkumeɖobolo ɖe kplɔ̃ kɔkɔe la dzi. Wosia sikakaɖigbɛ la zã sia zã elabena míekpɔa egbɔ be míazɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ƒe ɖoɖowo nu, ke miawo ya la, miegblẽ Yehowa ɖi" data/train/2CH/2CH_006_Verse_007.mp3,"“Ẽ, nye Mawu, na wò ŋkuwo nanɔ ʋuʋu eye nàlé to ɖe gbe siwo katã woado ɖa na wò le teƒe sia la ŋu." data/train/2CH/2CH_020_Verse_028.mp3,"“Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, Mawu ɖeka si le dziƒowo, wòe nye anyigbadzifiaɖuƒewo katã Dziɖula, wò ŋusẽ tri akɔ, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò?" data/train/2CH/2CH_023_Verse_010.mp3,"Gbedoxɔ la ƒe agbowo nu dzɔlawo meɖea mɔ be, nu siwo ŋu womekɔ o kple ame siwo se meɖe mɔ na o la, nage ɖe gbedoxɔ la me o." data/train/2CH/2CH_025_Verse_026.mp3,Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔwo dzi va ɖi ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me. data/train/2CH/2CH_029_Verse_030.mp3,"Vinyewo, migagbe miaƒe dɔdeasiwo wɔwɔ azɔ o elabena miawoe Yehowa tia be miasubɔ ye eye miado dzudzɔ na ye.”" data/train/2CH/2CH_036_Verse_013.mp3,Nebukadnezar lɔ sikatrewo kple nu bubuwo tso gbedoxɔ la me ɖada ɖe eya ŋutɔ ƒe gbedoxɔ me le Babilonia. data/train/2CH/2CH_007_Verse_011.mp3,"“Ke ne mènɔ yonyeme o, ne ègbe se siwo mena mi dzi la wɔwɔ eye miesubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la," data/train/2CH/2CH_028_Verse_004.mp3,"Azɔ la, ɖe miele nana ge Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo siaa nazu kluviwoa? Mieɖo ŋku miawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ŋuti dzi oa?" data/train/2CH/2CH_025_Verse_011.mp3,"Fia Amazia ɖo eŋu na nyagblɔɖila la be, “Ɣe ka ɣie mebia wò aɖaŋuɖoɖo kpɔ? Zi ɖoɖoe kaba, ne menye nenema o la, mana woawu wò.” Esi nyagblɔɖila la dzo yina la, egblɔ na Fia Amazia be, “Menya be Mawu ɖo ta me be yeatsrɔ̃ wò le esi nèsubɔ legba siawo eye mèse nye nuxlɔ̃amenya o la ta.”" data/train/2CH/2CH_005_Verse_014.mp3,Nunɔlaawo doa go le Kɔkɔƒe la me. Nunɔla siwo katã nɔ afi ma la ƒe habɔbɔwo katã kɔ wo ɖokuiwo ŋu. data/train/2CH/2CH_031_Verse_008.mp3,"Esi sedede sia ɖo ameawo ƒe tome ko la, Israelviwo kɔ dɔme na woƒe kutsetse gbãtɔwo, wain yeye, ami kple anyitsi kple agblemenuku ɖe sia ɖe ƒomevi. Wotsɔ nu sɔgbɔwo vɛ siwo nye nu sia nu ƒe ewolia ƒe ɖeka." data/train/2CH/2CH_001_Verse_013.mp3,Solomo dɔ sɔsitsalawo ɖe Egipte kple Kue be woaƒle sɔhawo vɛ. Fia la ƒe asitsalawo ƒlea wo tso Kue. data/train/2CH/2CH_021_Verse_015.mp3,"Le ƒe eve megbe la, eƒe dɔkaviwo do go eye wòku le vevesese geɖe me. Womewɔ kɔnu siwo wowɔna na fiawo ne wòku la nɛ o." data/train/2CH/2CH_016_Verse_001.mp3,Asa do dɔmedzoe ɖe nyagblɔɖila la ŋu le nya si wògblɔ nɛ la ta eye wòdee gaxɔ me. Asa te ameawo katã ɖe anyi ɣe ma ɣi. data/train/2CH/2CH_009_Verse_021.mp3,"Nyemexɔe se o va se ɖe esime meva ɖo afi sia eye mekpɔe kple nye ŋutɔ nye ŋkuwo. Le nyateƒe me la, womegblɔ ale si wò nunya de ŋgɔe la ƒe afã gɔ̃ hã nam o. Ekɔ gbɔ nutsotso siwo mese la ŋu sasasa." data/train/2CH/2CH_010_Verse_005.mp3,"Esi Yeroboam, Nebat ƒe viŋutsu, se nya sia la, etrɔ gbɔ tso Egipte, afi si wòsi le Fia Solomo nu, yi ɖabe ɖo." data/train/2CH/2CH_013_Verse_015.mp3,"“Miɖo to! Ɖe mienya bena, Yehowa, Israel ƒe Mawu, ka atam bena David ƒe dzidzimeviwo anye Israel fiawo tegbetegbee oa?" data/train/2CH/2CH_025_Verse_021.mp3,"Ke Yuda fia Amazia, Yoas vi, nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel fia Yehoas, Yehoahaz vi ƒe ku megbe." data/train/2CH/2CH_006_Verse_020.mp3,"Ke azɔ la, Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbedodo si nèwɔ na wò dɔla David la hã dzi." data/train/2CH/2CH_009_Verse_025.mp3,"Tete Seba fianyɔnu la tsɔ sika tɔn ene, atikeʋeʋĩ gbogbo aɖewo kple kpe xɔasiwo na fia la. Ame aɖeke metsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ kpɔ nenema abe esiwo Seba fianyɔnu la tsɔ na Fia Solomo ene o." data/train/2CH/2CH_036_Verse_016.mp3,Woŋlɔ Yehoyakim ƒe ŋutinya kple eƒe wɔna mamlɛawo kple nu vɔ̃ɖi siwo katã wòwɔ la ɖe Yuda kple Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. Via Yehoyatsin ɖu fia ɖe eteƒe. data/train/2CH/2CH_013_Verse_006.mp3,"eye Abiya kple eƒe dukɔ la wu Israel ƒe aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa atɔ̃ (500,000) gbe ma gbe." data/train/2CH/2CH_018_Verse_016.mp3,"Israel fia ɖe gbe be, “Milé Mikaya eye miakplɔe yi na dumegã Amon kple vinye Yoas." data/train/2CH/2CH_032_Verse_005.mp3,"Aʋakɔ gã aɖe le esi, eƒe aʋawɔlawo katã nye amegbetɔwo ko, ke míawo ya la, Yehowa, míaƒe Mawu, le mía dzi eye wòawɔ míaƒe aʋa na mí.”" data/train/2CH/2CH_023_Verse_020.mp3,"Yehoiada kple via ŋutsuviwo kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ, tsɔ nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!”" data/train/2CH/2CH_032_Verse_003.mp3,"Ale Yehowa ɖe Fia Hezekia kple Yerusalemtɔwo eye azɔ la, ŋutifafa nɔ fiaɖuƒe blibo la me." data/train/2CH/2CH_028_Verse_023.mp3,"Le ɣe ma ɣi me la, fia Ahaz dɔ ame ɖo ɖe Asiria fiawo be woava xɔ na ye." data/train/2CH/2CH_020_Verse_030.mp3,Wozɔ ge ɖe Yerusalem du la me esime wonɔ kasaŋkuwo kple saŋkuwo ƒom nɔ kpẽwo kum eye woyi ɖe gbedoxɔ la me. data/train/2CH/2CH_034_Verse_019.mp3,"“Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbe Yehowa be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nya siwo ke nèse la ŋuti." data/train/2CH/2CH_029_Verse_004.mp3,"“Azɔ la, medi be mawɔ nubabla kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la ale be wòaɖe eƒe dɔmedzoe helihelĩ la ɖa le mía dzi." data/train/2CH/2CH_020_Verse_025.mp3,"Nya sia na vɔvɔ̃ ɖo Yehosafat ale gbegbe be, wòɖo ta me be yeabia Yehowa ne wòakpe ɖe ye ŋu eya ta wòɖe gbeƒã bena, Yudatɔwo katã natsi nu adɔ ɣeyiɣi aɖe, aɖe asi le woƒe nu vɔ̃wo ŋu eye woado gbe ɖa na Mawu." data/train/2CH/2CH_009_Verse_016.mp3,Fiawo tsoa dukɔ ɖe sia ɖe me vana Solomo gbɔ hena aɖaŋuxɔxɔ eye be woaɖo to nunya si Mawu tsɔ de eƒe dzi me. data/train/2CH/2CH_023_Verse_004.mp3,"Asrafomegã siawo tsɔ woƒe aʋawɔnuwo ɖe asi eye wonɔ tsitre ƒo xlã fia la, le vɔsamlekpui la ŋu le gbedoxɔ la me. Woɖe to ɖee tso gbedoxɔ la ƒe dziehe yi anyiehe." data/train/2CH/2CH_024_Verse_006.mp3,"Esi Siria ƒe aʋakɔ la dzo la, Yoas tsi aba dzi le abi gã si wòxɔ la ta. Yoas ŋutɔ ŋumewo ɖo ta me be yewoawui le esi wòwu nunɔla Yehoiada ƒe vi, Zaxarya ta. Ale wowui le eƒe aba dzi eye woɖii ɖe David Ƒe Du la me gake menye ɖe fiawo ɖiƒe o." data/train/2CH/2CH_027_Verse_004.mp3,"Le ŋutinya la nu la, Yotam xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiade." data/train/2CH/2CH_029_Verse_034.mp3,"Wotsɔ nyitsu adre, agbo adre, alẽvi adre kple gbɔ̃tsu adre sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ɖe fiaɖuƒe, Kɔkɔeƒe la kple Yuda ta. Egblɔ na nunɔlaawo, Aron ƒe dzidzimeviwo, be woatsɔ wo asa vɔe le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi." data/train/2CH/2CH_026_Verse_000.mp3,"Ale Fia Uzia dze kpodɔ va se ɖe eƒe kugbe. Kpodɔ la nɔ eŋu, woɖee ɖe aga ɖe aƒe aɖe me eye womeɖe mɔ nɛ be wòagava Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. Via, Yotam zu fiateƒenɔla le fiasã la me eye wòɖu ame siwo nɔ anyigba la dzi la dzi." data/train/2CH/2CH_021_Verse_005.mp3,"Exɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòdze fiaɖuɖu gɔme eye wòɖu fia ƒe enyi le Yerusalem. Esi wòku la, womefae o, woɖii ɖe Yerusalem gake menye ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me o." data/train/2CH/2CH_026_Verse_002.mp3,"Azaria, nunɔla la kple Yehowa ƒe nunɔla dzideƒotɔ blaenyi, bubu kplɔe ɖo ge ɖe eme." data/train/2CH/2CH_006_Verse_012.mp3,"ekema se woƒe gbe tso dziƒo eye nàtsɔ wò dukɔ, Israel ƒe nu vɔ̃ akee eye nàgbugbɔ wo ava anyigba si nèna wo fofowo la dzi." data/train/2CH/2CH_026_Verse_007.mp3,"Ena nunyala aɖe wɔ aʋawɔmɔ aɖewo le Yerusalem, aʋawɔmɔ siawo tea ŋu daa aŋutrɔwo kple kpe gãwo tso xɔ kɔkɔwo kple xɔwo tame. Ale eƒe ŋkɔ de dzi ŋutɔ elabena Yehowa kpe ɖe eŋu nukutɔe va se ɖe esime wòzu fia ŋusẽtɔ gã aɖe." data/train/2CH/2CH_022_Verse_003.mp3,Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab ene elabena Ahab ƒe ƒometɔwo zu eƒe aɖaŋuɖolawo le fofoa ƒe ku megbe eye woblee de gbegblẽ me. data/train/2CH/2CH_018_Verse_017.mp3,"Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nyanyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.” Yehosafat ɖo eŋu nɛ be, “Fia la megagblɔ nya ma o.”" data/train/2CH/2CH_025_Verse_015.mp3,"Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas kplɔe va Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene." data/train/2CH/2CH_034_Verse_031.mp3,Wotsɔ ga si nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me la de asi na dɔdzikpɔlawo kple dɔwɔlawo.” data/train/2CH/2CH_002_Verse_008.mp3,"“Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, nàɖo sedatiwo, sesewutiwo kple papawutiwo tso Lebanon ƒe avewo me ɖem elabena ame aɖeke mede wò amewo nu le atitsotso me o. Maɖo nye amewo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu." data/train/2CH/2CH_036_Verse_007.mp3,"Ekplɔ ame siwo susɔ, esiwo si le yi nu la yi aboyome le Babilonia eye wova zu subɔlawo na eya ŋutɔ kple via ŋutsuwo va se ɖe esime Persia fiaɖuƒe la xɔ ɖe eteƒe." data/train/2CH/2CH_018_Verse_009.mp3,"Esi Mikaya va ɖo fia la gbɔ la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míanɔ anyi koa?” Mikaya ɖo eŋu be, “Miyi! Miaɖu dzi bɔbɔe!”" data/train/2CH/2CH_033_Verse_014.mp3,Ke Manase do ŋusẽ Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo be woawɔ nu vɔ̃ siwo vɔ̃ɖi wu esiwo dukɔ siwo Yehowa tsrɔ̃ esime Israel ge ɖe anyigba la dzi gɔ̃ hã. data/train/2CH/2CH_013_Verse_019.mp3,"Yakamewo ƒe ha gã aɖe dze eyome eye wotsi tsitre ɖe Solomo ƒe vi, Rehoboam, ŋu elabena Rehoboam nye ɖekakpui dzaa aɖe ko, vɔvɔ̃ ɖoe eye mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o." data/train/2CH/2CH_020_Verse_013.mp3,"Eye Levitɔwo tso Kohat kple Korah ƒe hlɔ̃wo me tsi tsitre hekafu Yehowa, Israel ƒe Mawu kple kafukafuha siwo me kɔ eye wodzi ha sesĩe." data/train/2CH/2CH_032_Verse_020.mp3,"Ke dada nɔ Hezekia ƒe dzi me eye metsɔ ɖeke le dɔmenyo si Yehowa wɔ nɛ la me o eya ta Yehowa ƒe dziku nɔ eya amea, Yuda kple Yerusalem dzi." data/train/2CH/2CH_032_Verse_011.mp3,"Esi Hezekia ku la, woɖii ɖe fia David ƒe dzidzimeviwo wo ƒe yɔdowo gbɔ le togbɛ la ŋu. Yuda kple Yerusalem blibo la de bubu eŋu le eƒe ku me. Via ŋutsu Manase zu fia ɖe eteƒe." data/train/2CH/2CH_009_Verse_015.mp3,Fia Solomo tsɔ sika wɔ akpoxɔnu gã alafa eve (200). Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe. data/train/2CH/2CH_021_Verse_017.mp3,"Wo fofo na klosalo, sika kple nu xɔasi geɖewo wo kpe ɖe Yuda du siwo woglã la ŋu, ke etsɔ fiaɖuƒe la na Yehoram elabena eyae nye via ŋusu ŋgɔgbetɔ." data/train/2CH/2CH_011_Verse_012.mp3,"Ke Yehowa gblɔ na Nyagblɔɖila Semaya be," data/train/2CH/2CH_003_Verse_003.mp3,"Etu sɔti eve ɖe gbedoxɔ la ŋkume, ɖeka ɖe dziehe gome, evelia ɖe anyiehe gome eye wòna ŋkɔ wo. Woyɔa dziehetɔ be, Yakin eye woyɔa anyiehetɔ be, Boaz." data/train/2CH/2CH_014_Verse_006.mp3,"Esi wonɔ Gerar la, wodze du siwo katã nɔ nuto me ma la dzi eye Yehowa na vɔvɔ̃ ɖo afi ma tɔwo. Le esia ta wogaha aboyonu geɖewo le du siawo hã me." data/train/2CH/2CH_020_Verse_024.mp3,Miyi miakpe aʋa kpli wo etsɔ! Miakpɔ wo le Ziz to la kɔgo le balime si yi ɖe Yeruel gbegbe la ƒe nuwuwu! data/train/2CH/2CH_013_Verse_018.mp3,"Woɖu Israelviwo dzi gbe ma gbe. Yuda ƒe viwo ɖu dzi elabena woɖo ŋu ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ŋu." data/train/2CH/2CH_033_Verse_022.mp3,"Mlɔeba la, Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le eƒe fiasã me." data/train/2CH/2CH_034_Verse_008.mp3,"Elabena wogbe nu le gbɔnye, wosubɔ mawu bubuwo eye wodo dɔmedzoe nam kple nu siwo wotsɔ woƒe asiwo me la. Nye dɔmedzoe atrɔ akɔ ɖe teƒe sia dzi eye enu matso o.’" data/train/2CH/2CH_034_Verse_003.mp3,"Ale Yosia ɖe legbawo katã ɖa le teƒe siwo Israelnyigba katã dzi eye wòbia tso wo katã si be woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la, le eƒe agbenɔɣi mamlɛa katã me; ameawo yi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la subɔsubɔ dzi." data/train/2CH/2CH_015_Verse_014.mp3,"Woawu ame siwo katã medi Yehowa, Israel ƒe Mawu la o; eɖanye ɖevi alo ametsitsi o, ŋutsu alo nyɔnu o." data/train/2CH/2CH_036_Verse_020.mp3,"Zedekia nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume elabena egbe, mezɔ ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ƒe nya si wòse tso Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ la nu o." data/train/2CH/2CH_010_Verse_001.mp3,Ale Israel dze aglã ɖe David ƒe aƒe la ŋu va se ɖe egbe. data/train/2CH/2CH_029_Verse_014.mp3,"Gawu la, míefɔ gbedoxɔmenu siwo Fia Ahaz tsɔ ƒu gbe esi wòtu gbedoxɔ la eye míekɔ woawo hã ŋuti. Míetsɔ wo da ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la gbɔ.”" data/train/2CH/2CH_019_Verse_002.mp3,"eye wògblɔ na wo be, “Mizɔ le nyateƒe me elabena menye nyee ɖo mi o, ke boŋ Mawue ɖo mi; anɔ anyi kpli mi eye wòakpe ɖe mia ŋu miatso afia dzɔdzɔe le nya sia nya si woatsɔ vɛ na mi la me." data/train/2CH/2CH_030_Verse_021.mp3,"Ne miegatrɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu la, ame siwo ɖe aboyo mia nɔviwo kple mia viwo la, akpɔ nublanui na wo eye woagate ŋu atrɔ agbɔ va anyigba sia dzi elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee eya ta magble mí ɖi, ne míetrɔ ɖe eŋu o.”" data/train/2CH/2CH_032_Verse_012.mp3,Etso kɔƒewo eye lãha gãwo sɔ gbɔ ɖe esi elabena Mawu na kesinɔnu geɖe ŋutɔ woe. data/train/2CH/2CH_006_Verse_034.mp3,"ne wò dukɔ, Israel do gbe ɖa alo ƒo koko eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nya eƒe hiãkame kple vevesesewo eye woke woƒe abɔwo me ɖo ɖe gbedoxɔ sia gbɔ la," data/train/2CH/2CH_004_Verse_011.mp3,"Huram gawɔ zewo, sofiwo kple tre siwo ŋudɔ woawɔ le vɔsasa me. Ale wòwu dɔ si Fia Solomo de asi nɛ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu nu." data/train/2CH/2CH_030_Verse_005.mp3,"Dɔlawo xɔ agbalẽawo le fia la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le le Israel blibo la kple Yuda eye wogblɔ le fia la ƒe sedede nu be be, “Israelviwo, mitrɔ gbɔ va Yehowa, Abraham kple Isak kple Israel ƒe Mawu la gbɔ, ale be eya hã natrɔ ɖe mi ame siwo do le Asiria fiawo ƒe ŋusẽ te la ŋu." data/train/2CH/2CH_006_Verse_032.mp3,"“Ne futɔwo ɖu wò dukɔ, Israel dzi elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wotrɔ va gbɔwò eye woʋu wò ŋkɔ me, ne wodo gbe ɖa na wò le gbedoxɔ sia me la," data/train/2CH/2CH_013_Verse_012.mp3,"Ke míawo ya la, Yehowae nye míaƒe Mawu eye míegblee ɖi o. Aron ƒe dzidzimeviwo koe nyea míaƒe nunɔlawo eye Levitɔwo koe kpena ɖe wo ŋu le woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me." data/train/2CH/2CH_017_Verse_001.mp3,"Ame si kplɔ eya hã ɖoe nye Amasia, Zikri ƒe vi, ame si nye mawuvɔ̃la akuaku aɖe; eya kpɔ aʋawɔla akpe alafa eve (200,000) dzi." data/train/2CH/2CH_028_Verse_027.mp3,Woŋlɔ nu tso Fia Ahazia ƒe agbenɔnɔ kple nuwɔwɔ bubuawo tso gɔmedzedzea va se nuwuwu ŋu ɖe Yuda fiawo kple Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. data/train/2CH/2CH_004_Verse_017.mp3,Wotsɔ sika wɔ seƒoƒowo eye wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiawo kple ɖovulãnuwo. data/train/2CH/2CH_030_Verse_020.mp3,"Miganɔ abe mia nɔviwo, ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ŋu eye wòtsrɔ̃ wo la ene o." data/train/2CH/2CH_032_Verse_001.mp3,"Ale Fia Hezekia kple Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, do ɣli, ɖe kuku na Mawu le dziƒo" data/train/2CH/2CH_013_Verse_005.mp3,"eya ta, mikpɔe ɖa, Mawu le mía dzi, eyae nye míaƒe Kplɔla. Eƒe nunɔlawo atsɔ kpẽkuku akplɔ mí míaho aʋa ɖe mia ŋu. Oo Israelviwo, migawɔ aʋa kple Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la o elabena miate ŋu aɖu dzi o!”" data/train/2CH/2CH_029_Verse_019.mp3,"Ke lã siwo ŋuti wokɔ abe vɔsalãwo ene la, le nyitsu alafa ade (600), alẽ kple gbɔ̃ akpe etɔ̃ (3,000)." data/train/2CH/2CH_014_Verse_015.mp3,"Zera, Kusitɔ, ho aʋa ɖe wo ŋu kple aʋakɔ gã aɖe kple tasiaɖam alafa etɔ̃ eye wova ɖo keke Maresa." data/train/2CH/2CH_007_Verse_007.mp3,Fia la kple ameawo katã sa vɔwo le Yehowa ŋkume data/train/2CH/2CH_025_Verse_010.mp3,Eye wòlɔ sika kple klosalowo katã kpakple ŋudɔwɔnuawo katã le Obed Edom si me le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le hekpe ɖe kesinɔnu siwo katã nɔ fiasã la me kple awɔbamewo ŋuti yi Samaria. data/train/2CH/2CH_035_Verse_020.mp3,Woli kɔ alẽ siwo wowu la ɖi na hlɔ̃ vovovoawo be hlɔ̃ ɖe sia ɖe natsɔ etɔ asa numevɔe na Yehowa abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe sewo me ene. Wowɔ nyi siwo wowu hã nenema ke. data/train/2CH/2CH_017_Verse_005.mp3,"Eda asrafowo ɖe Yuda du siwo woglã la me kple teƒe vovovowo le dukɔ la me kple Efraim, du siwo fofoa Asa xɔ la me." data/train/2CH/2CH_034_Verse_022.mp3,"Ke esi miaƒe nu vɔ̃wo ve mi eye miebɔbɔ mia ɖokui le Mawu ƒe ŋkume, esi miese nu siwo wògblɔ tsɔ tsi tsitre ɖe teƒe sia kple eƒe amewo ŋu eye esi miebɔbɔ mia ɖokui le ŋkunye me, miedze miaƒe awuwo eye miefa avi le nye ŋkume le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, maɖo to miaƒe kukuɖeɖe." data/train/2CH/2CH_012_Verse_003.mp3,"Esi wometo nyateƒe na Yehowa o ta la, Sisak, Egipte fia, ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu le Fia Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me" data/train/2CH/2CH_004_Verse_009.mp3,Gazɔ gã la nɔ gbedoxɔ la ƒe gotaxɔwo ƒe dzogoe si nɔ dziehe kple ɣedzeƒe dome. data/train/2CH/2CH_027_Verse_001.mp3,Etso duwo ɖe Yuda ƒe tonyigba la dzi eye wòtu mɔwo kple xɔ kɔkɔwo ɖe avewo me le toawo dzi. data/train/2CH/2CH_021_Verse_013.mp3,"Le esiawo megbe la, Yehowa na dɔléle dze Fia Yehoram ƒe dɔmenuwo dzi." data/train/2CH/2CH_029_Verse_008.mp3,"Esime hadzilawo nɔ ha dzim eye wonɔ kpẽawo kum la, ameha blibo la de ta agu hesubɔ. Esiawo yi edzi va se ɖe esime numevɔsa la wu enu." data/train/2CH/2CH_003_Verse_014.mp3,Teƒe si woyɔna be Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la le gbedoxɔ la ƒe akpa ɖeka. Eƒe didime nye mita asieke eye eƒe kekeme hã nye mita asieke. Wofa sika si ƒe kpekpeme nye “tɔn” blaeve-vɔ-ɖekɛ la ɖe gliawo ŋu. data/train/2CH/2CH_004_Verse_022.mp3,"Zɔ la tri sentimita enyi, eƒe to le abe tsinokplu tɔ ene eye wowɔe abe ale si dzogbenya ƒe seƒoƒo le ene. Exɔa tsi kilolita blaade-vɔ-ade." data/train/2CH/2CH_002_Verse_018.mp3,"Tete Tiro fia Hiram ɖo eŋu na Fia Solomo be, “Yehowa lɔ̃ eƒe amewo eya ta wòtsɔ wò ɖo fiae ɖe wo nu!”" data/train/2CH/2CH_009_Verse_018.mp3,"Hekpe ɖe esiawo ŋu la, sɔ akpe (4,000) ene, siwo wowɔ nɔƒe na, kple tasiaɖamwo kpakple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Solomon si le tasiaɖamduwo me kple Yerusalem hena fia la ŋu dzɔdzɔ." data/train/2CH/2CH_032_Verse_015.mp3,"eye Yehowa ɖo dɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ Asiria fia ƒe aʋakɔ la kple eƒe asrafomegãwo kple aʋafiawo katã eye Fia Senakerib trɔ yi aƒe kple ŋukpe gã aɖe. Esi wòva ɖo eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, eya ŋutɔ via ŋutsuwo va dzae kple yi ɖe afi ma." data/train/2CH/2CH_031_Verse_013.mp3,"Hezekia ɖe gbe be woatu nudzraɖoƒexɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, ale wowɔe nenema." data/train/2CH/2CH_007_Verse_021.mp3,Wode ŋkekenyui sia ƒe akpedasɔleme mamlɛtɔ le ŋkeke enyia gbe. data/train/2CH/2CH_033_Verse_000.mp3,"Amon wɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe fofoa, Manase, ene. Esubɔ eye wòsa vɔ na legbawo katã abe fofoa ene," data/train/2CH/2CH_010_Verse_007.mp3,Fia la ɖo nya la ŋu na wo kple adã eye mewɔ ɖe ametsitsiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi o. data/train/2CH/2CH_032_Verse_027.mp3,"“Misẽ ŋu, miawɔ kalẽ eye migavɔ̃ Asiria fia la alo eƒe aʋakɔ gã la o elabena ame aɖe le mía dzi si kpɔ ŋusẽ wui sãa!" data/train/2CH/2CH_002_Verse_005.mp3,"Etsɔ wo dometɔ akpe blaadre (70,000) wɔ agbatetsɔlawo, ame akpe blaenyi (80,000) wɔ atitsolawo eye wòtsɔ ame akpe etɔ̃ alafa ade (3,600) wɔ dɔdzikpɔlawoe." data/train/2CH/2CH_030_Verse_001.mp3,"Ale dɔlawo tsa le duwo katã me le Efraim kple Manase kple Zebulon. Ke enuenu la, ameawo xɔa wo kple nukoko kple vlodoame!" data/train/2CH/2CH_004_Verse_014.mp3,Solomo na wotsɔ sika nyuitɔ wɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la me nuwo katã. Nu siawoe nye: vɔsamlekpui kple kplɔ̃ siwo dzi wodaa Ŋkumeɖobolo ɖo. data/train/2CH/2CH_006_Verse_002.mp3,"“Amedzro, ame siwo metso wò dukɔ, Israel me o, ke wotso didiƒenyigba aɖe dzi le wò ŋkɔ gã, wò asi sesẽ kple wò abɔ si nèdo ɖe dzi ta, eye wodo gbe ɖa le gbedoxɔ sia gbɔ la," data/train/2CH/2CH_006_Verse_027.mp3,"metu gbedoxɔ gã nyui aɖe na wò, afi si nànɔ tegbee.”" data/train/2CH/2CH_003_Verse_011.mp3,"Solomo na wowɔ mawudɔla eve, efa sika ɖe wo ŋu eye wòtsɔ wo da ɖe xɔ, emetɔ, si nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me." data/train/2CH/2CH_014_Verse_014.mp3,Yehowa na Asa kple Yuda ƒe aʋakɔ la ɖu Kustɔwo dzi eye Kustɔwo si. data/train/2CH/2CH_004_Verse_020.mp3,yevuboɖa alafa ene (400) le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu ne woxe ta mligo eve siwo le sɔtiawo tame la ŋu. data/train/2CH/2CH_035_Verse_021.mp3,Wowu Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu nu le ŋkeke ɖeka ma dzi. Wosa numevɔwo katã le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yosia ɖoe da ɖi ene. data/train/2CH/2CH_026_Verse_001.mp3,Amonitɔwo dzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo yi keke Egipte ke elabena enye fia ŋusẽtɔ aɖe. data/train/2CH/2CH_022_Verse_002.mp3,"Ahazia zɔ ɖe woƒe aɖaŋu vɔ̃ nu eye wòwɔ ɖeka kple Yoram, Israel fia Ahab ƒe vi, hekpe aʋa kpli Aram fia Hazael le Ramot Gilead. Aramtɔwo de abi Yoram ŋu le aʋa sia me." data/train/2CH/2CH_018_Verse_030.mp3,"Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be, “Ẽ, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.”" data/train/2CH/2CH_018_Verse_008.mp3,"elabena esi wodze sii be menye eyae nye Israel fia la o ko la, wodzudzɔ eyometiti." data/train/2CH/2CH_021_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa na Filistitɔwo kple Arabiatɔwo, ame siwo do liƒo kple Kustɔwo la ho aʋa ɖe Yehoram ŋu." data/train/2CH/2CH_002_Verse_001.mp3,"“Anye gbedoxɔ nyui aɖe elabena míaƒe Mawu la de ŋgɔ, elolo wu mawu bubu ɖe sia ɖe." data/train/2CH/2CH_024_Verse_010.mp3,"Fia Yoas meɖo ŋku dɔmenyo Zaxarya fofo, Yehoiada, wɔ nɛ la dzi o eye wòwu Via ŋutsu, Zaxarya, ame si gblɔ esi wòmlɔ anyi nɔ kukum be, “Yehowa, kpɔ nu si wowɔ la ɖa eye nàɖo eteƒe na wo.”" data/train/2CH/2CH_001_Verse_014.mp3,Solomo yi akɔblivɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume le agbadɔ la me eye wòsa numevɔ akpe ɖeka ɖe edzi. data/train/2CH/2CH_031_Verse_019.mp3,Wodze nu sia wɔwɔ gɔme le ɣleti etɔ̃lia me eye wowu enu le ɣleti adrelia me. data/train/2CH/2CH_017_Verse_010.mp3,"Filistitɔ aɖewo gɔ̃ hã tsɔ nunanawo vɛ nɛ eye wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe. Nu siwo Arabiatɔwo nae la woe nye: agbo akpe adre alafa adre (7,700) kple gbɔ̃tsu akpe adre alafa adre (7,700)." data/train/2CH/2CH_036_Verse_015.mp3,"Wotɔ dzo Mawu ƒe gbedoxɔ la, gbã Yerusalem ƒe gliwo, wotɔ dzo fiasãwo katã eye wogblẽ nu sia nu si ŋu asixɔxɔ nɔ le afi ma." data/train/2CH/2CH_004_Verse_016.mp3,"Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖimeɖovulãnuwo, ʋuhlẽgbawo, nuɖugbawo kple dzudzɔdonuwo eye wotsɔ sika wɔ gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo, ʋɔtru emetɔ si le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu kple ʋɔtru siwo le akpata gã la nu." data/train/2CH/2CH_036_Verse_004.mp3,"Edze aglã ɖe Fia Nebukadnezar ŋu togbɔ be eka atam nɛ be yeasubɔe anukwaretɔe hã hafi. Zedekia nye kɔlialiatɔ aɖe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe sewo dzi mawɔmawɔ me eye wògbe metrɔ ɖe Yehowa, eƒe Mawu la ŋu o." data/train/2CH/2CH_021_Verse_009.mp3,"ke èvɔ̃ɖi abe fia siwo le Israel ene eye nèna Yerusalemtɔwo kple Yudatɔwo subɔ legbawo abe ale si wowɔ le Fia Ahab ŋɔli ene eye esi nèwu nɔviwòwo, ame siwo nyo wu wò ta la," data/train/2CH/2CH_021_Verse_020.mp3,"Yehowa atsrɔ̃ wò dukɔ kple dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe azɔ. Woatsrɔ̃ wò ŋutɔ, viwòwo, srɔ̃wòwo kple nu siwo katã le asiwò." data/train/2CH/2CH_033_Verse_005.mp3,"Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu, ŋutifafavɔ kple akpedavɔ le edzi eye wògblɔ na Yuda be wòasubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la." data/train/2CH/2CH_028_Verse_010.mp3,Esa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi. data/train/2CH/2CH_017_Verse_004.mp3,Aʋawɔla siawo nɔ Yerusalem kpe ɖe esiwo fia la da ɖe du siwo woglã le dukɔ blibo la me la ŋuti. data/train/2CH/2CH_030_Verse_002.mp3,"Ale Israelviwo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le Yerusalem ŋkeke adre kple dzidzɔ gã. Le ɣe ma ɣi la, Levitɔwo kple nunɔlawo kafua Mawu sesĩe kple hadzidziwo kple gakogoewo gbe sia gbe." data/train/2CH/2CH_012_Verse_000.mp3,"Ale Egipte fia, Sisak ɖu Yerusalem dzi eye wòlɔ nu sia nu le gbedoxɔ la kple fiasã la me dzoe. Etsɔ sikakpoxɔnu siwo Solomo wɔ la katã hã dzoe." data/train/2CH/2CH_034_Verse_014.mp3,"Eye woyi Nunɔlagã Hilkia gbɔ hetsɔ ga siwo wohe va Mawu ƒe gbedoxɔ me la na. Ga siawo nye ga si Levitɔwo xɔ le gbedoxɔ la ƒe agbowo nu tso ame siwo tso Manase, Efraim kple Israel ƒe akpa bubuawo, Yuda blibo la kple Benyamin kpakple Yerusalemtɔwo si." data/train/2CH/2CH_009_Verse_029.mp3,"Wotsɔ sika wɔ kplu siwo katã me Fia Solomo noa nu le eye nenema ke wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nuɖugba kple nuɖaze siwo katã nɔ Lebanon Ƒe Avexɔ la me. Womewɔ naneke kple klosalo o elabena le Solomo ƒe anyinɔɣi la, womebua klosalo be enye nu xɔasi o." data/train/2CH/2CH_006_Verse_024.mp3,"Ke, ɖo to wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple eƒe kokoƒoƒo na nublanuikpɔkpɔ, O Yehowa, nye Mawu. Se wò dɔla ƒe ɣlidodo kple gbe si wòle dodom ɖa na wò." data/train/2CH/2CH_015_Verse_003.mp3,"Esi Fia Asa se nya sia tso Mawu gbɔ la, dzi ɖo eƒo eye wògbã legbawo katã le Yuda kple Benyamin kple du siwo wòxɔ le Efraim ƒe tonyigba dzi la me. Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu ɖe gbedoxɔ la ŋgɔ." data/train/2CH/2CH_028_Verse_022.mp3,"Le ŋkeke ɖeka pɛ aɖe dzi la, Peka, Remalia ƒe vi, wu Yudatɔwo ƒe aʋawɔla kalẽtɔ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) sɔŋ elabena wotrɔ le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, yome." data/train/2CH/2CH_029_Verse_010.mp3,"eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Levitɔwo! Mikɔ mia ɖokuiwo ŋu fifia eye miakɔ Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la hã ŋu. Miɖe gudoamenuwo katã ɖa le Kɔkɔeƒe la." data/train/2CH/2CH_025_Verse_019.mp3,"ke mewu wo viwo ya o. Ewɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be, “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, nenema ke viwo hã maku ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o, ke boŋ ele be ame sia ame naku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta.”" data/train/2CH/2CH_018_Verse_032.mp3,"Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”" data/train/2CH/2CH_029_Verse_012.mp3,"Eɖu fia nyuie le Mawu ƒe ŋkume abe fofoa, David ene." data/train/2CH/2CH_009_Verse_012.mp3,"Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke menɔ ɣaɣla ɖi o. Enya nu sia nu eye wòte ŋu ɖe nu sia nu me nɛ." data/train/2CH/2CH_005_Verse_007.mp3,Israel ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe fia la gbɔ le Agbadɔmeŋkekenyui la ɖuɣi le ɣleti adrelia me. data/train/2CH/2CH_027_Verse_002.mp3,"Fia Yotam kpɔ ŋusẽ ŋutɔ elabena ekpɔ egbɔ be yezɔ nyuie le Yehowa, eƒe Mawu la ƒe mɔ dzi ɣe sia ɣi." data/train/2CH/2CH_024_Verse_002.mp3,"Azɔ la, nyɔnu vɔ̃ɖi ma, Atalia ƒe viŋutsuwo gbã ʋɔa ge ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la me eye wowɔ nu kɔkɔeawo gɔ̃ hã ŋu dɔ na Baalwo." data/train/2CH/2CH_025_Verse_028.mp3,Woŋlɔ Amazia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. data/train/2CH/2CH_028_Verse_025.mp3,"Nu sia ta Yehowa Mawu tsɔe de asi na Aram fia eye wosii heɖe aboyo eƒe ame geɖewo yi Damasko. Wotsɔe de asi na Israel fia hã, ame si sii vevie ŋutɔ." data/train/2CH/2CH_002_Verse_016.mp3,"Solomo xlẽ amedzro siwo katã nɔ eƒe Israelnyigba dzi, abe ale si fofoa, Fia David hã wɔ ene eye wòkpɔ be, wole ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ (153,600) kple alafa ade." data/train/2CH/2CH_023_Verse_008.mp3,"Etsa ŋku eye wòkpɔ fia la wòtsi tsitre ɖe eƒe sɔti gbɔ le xɔa ƒe mɔnu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la gbɔ eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom, henɔ woƒe kpẽawo kum eye hadzilawo kple woƒe haƒonuwo nɔ hawo dom ɖa. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!”" data/train/2CH/2CH_033_Verse_013.mp3,"Ke hã la, ameawo gasaa vɔwo ko le vɔsamlekpui siwo le togbɛawo dzi la dzi gake wosaa vɔ siawo azɔ na Yehowa, woƒe Mawu la." data/train/2CH/2CH_028_Verse_005.mp3,"Edea Ben Hinom ƒe Balime gɔ̃ hã, menye be yeado dzudzɔ na legbawo ko o, ke boŋ etsɔ eya ŋutɔ viawo sa vɔe le dzo me abe ale si trɔ̃subɔla siwo Yehowa nya le anyigba la dzi be Israel nakpɔ teƒe la wɔna ene." data/train/2CH/2CH_032_Verse_021.mp3,"Ke esi ame dɔdɔwo tso Babilonia va be, yewoabia nu tso ale si wòhaya nukutɔe ŋu la, Mawu gbugbɔ le eyome sẽe be yeadoe akpɔ eye yeanya ame si tɔgbi tututu wònye." data/train/2CH/2CH_009_Verse_011.mp3,Fia la kpa fiazikpui gã aɖe. Etsɔ nyiɖu fa ɖe eme eye wòtsɔ sika nyuitɔ fa ɖe eŋu. data/train/2CH/2CH_032_Verse_030.mp3,"Wodi dɔwɔla geɖewo woxe vudoawo katã kple tɔsisi si si to agblewo me. Wobia be, “Nu ka ta Asiria fia ava eye wòakpɔ tsi ano?”" data/train/2CH/2CH_024_Verse_027.mp3,"Ŋutsu siwo nɔ dɔa nu la wɔ dɔ kple kutrikuku eye ɖɔɖɔɖodɔ la yi edzi nyuie le woƒe kpɔkplɔ te. Wogbugbɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la tu, heglãe ɖe eƒe tata gbãtɔ nu." data/train/2CH/2CH_024_Verse_016.mp3,"Nenye be Levitɔwo tsɔ gaɖaka la vɛ na fia la ƒe dɔdzikpɔlawo eye wokpɔ be ga geɖe le eme la, fiasãmegbalẽŋlɔla la kple nunɔlagã ƒe dɔdzikpɔla va trɔa ga la le aɖaka la me eye wotsɔa aɖaka ƒuƒlu la ɖadana ɖe enɔƒe. Wowɔa esia enuenu eye wokpɔ ga home gã aɖe." data/train/2CH/2CH_028_Verse_013.mp3,"Esia va eme elabena Yehowa bɔbɔ Yuda ɖe anyi le Yuda fia, Ahaz ƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ta elabena egblẽ Yudatɔwo ƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ me eye menɔ Yehowa yome o." data/train/2CH/2CH_017_Verse_016.mp3,"Woƒe xexlẽme le woƒe ƒomewo nu nɔ ale: tso Yuda la, aʋawɔla akpe ɖekaɖekawo (1,000) nunɔlawo nɔ anyi eye aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ (300,000) nɔ woƒe aʋafia, Adna te." data/train/2CH/2CH_032_Verse_000.mp3,Ale ame dɔdɔ la ɖe alɔme le Yehowa Mawu kple Mawu ƒe dɔla Hezekia ŋu eye wòdzu wo. data/train/2CH/2CH_005_Verse_008.mp3,Kerubiawo keke woƒe aʋalawo ɖe nubablaɖaka la ƒe nɔƒe dzi eye wotsyɔ nubablaɖaka la kple etsɔkpoawo dzi. data/train/2CH/2CH_031_Verse_003.mp3,"Eden, Miniamin, Yesua, Semaya, Amaria kple Sekania kpe ɖe eŋu le nuteƒewɔwɔ me le nunɔlawo ƒe duwo me le numama na wo nɔvi nunɔlawo me ɖe woƒe hatsotsowo nu na tsitsiawo kple ɖeviawo siaa." data/train/2CH/2CH_006_Verse_003.mp3,"Azɔ la ewɔ teƒe kɔkɔ aɖe kple akɔbli; edidi mita eve kple afã, keke mita eve kple afã eye wòkɔ mita ɖeka kple afã. Etsɔe da ɖe xɔxɔnu egodotɔ titina. Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe la dzi, dze klo le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo." data/train/2CH/2CH_035_Verse_000.mp3,"Ale woɖee le eƒe tasiaɖam me de tasiaɖam evelia si nɔ esi la me eye wotsɔe yi Yerusalem, afi si wòku le. Woɖii ɖe tɔgbuiawo ƒe ɖiƒe eye Yuda blibo la kple Yerusalem fae." data/train/2CH/2CH_010_Verse_009.mp3,"Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi. Nye ya mawɔe wòagakpe ɖe edzi. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti, ke nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.’ ”" data/train/2CH/2CH_011_Verse_022.mp3,"“Yi, nàgblɔ na Yuda fia, Rehoboam, Solomo ƒe vi kple Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo be," data/train/2CH/2CH_008_Verse_007.mp3,"Ke metsɔ Israelviwo ya wɔ kluviwo o, ke boŋ ena wozu asrafowo, asrafomegãwo, le aʋafiawo, tasiaɖamkulawo dzikpɔlawo kple sɔdolawo nu;" data/train/2CH/2CH_006_Verse_017.mp3,ekema see le dziƒo eye nàtsɔ wò dɔla siwo nye wò dukɔ Israelviwo la ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Fia agbemɔ nyuitɔ wo eye nàdɔ tsidzadza ɖe anyigba si nètsɔ na wò dukɔ be wòanye eƒe domenyinu la dzi. data/train/2CH/2CH_015_Verse_008.mp3,"Ke mi Yuda ƒe viwo la, milé dɔ nyui si wɔm miele la me ɖe asi eye migana dzi naɖe le mia ƒo o elabena fetu li na mi.”" data/train/2CH/2CH_018_Verse_000.mp3,"Ahab, Israel fia, bia Yuda fia, Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋua?” Yehosafat ɖo eŋu be, “Mele abe wò ene eye nye dukɔ le abe wò dukɔ ene. Míakpe ɖe ŋutiwò le aʋa la me.”" data/train/2CH/2CH_028_Verse_021.mp3,"le esime Filistitɔwo va ha du siwo nɔ togbeawo dzi kple esiwo nɔ Negev le Yuda. Woxɔ du siawo: Bet Semes, Aiyalon kple Gederot Timna, Soko kple Gimzo kpakple kɔƒe siwo ƒo xlã wo eye wonɔ wo me." data/train/2CH/2CH_023_Verse_018.mp3,"Wo katã woyi Baal ƒe gbedoxɔ me eye wogbãe. Wogbã vɔsamlekpui la kple legbawo le afi ma eye wowu Matan, Baal ƒe nunɔla le vɔsamlekpui la ŋgɔ." data/train/2CH/2CH_031_Verse_001.mp3,"Ame siwo hã ƒe ŋkɔwo nɔ dzidzimegbalẽawo me la woe nye: ɖevi suewo, srɔ̃nyɔnuwo kple dukɔ blibo la ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo elabena wowɔ nuteƒe le wo ɖokuiwo ŋu kɔkɔ me." data/train/2CH/2CH_007_Verse_019.mp3,"Solomo kɔ xɔxɔnu emetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋgɔ la ŋuti eye le afi ma wòsa numevɔ, nuɖuvɔ kple akpedavɔ ƒe amiwo le elabena akɔblivɔsamlekpui si wòwɔ la le sue akpa na numevɔ, nuɖuvɔ kple amiawo." data/train/2CH/2CH_006_Verse_015.mp3,"ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, kpe ɖe wo ŋu eye nàtsɔ wò ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò la ƒe nu vɔ̃wo ake wo." data/train/2CH/2CH_019_Verse_010.mp3,"nukpɔla Yehu, Hanani ƒe vi, do go yi ɖakpee eye wòbia fia la be, “Ɖe nàkpe ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋu eye nàlɔ̃ ame siwo lé fu Yehowa? Esia ta la, Yehowa ƒe dziku le dziwò." data/train/2CH/2CH_035_Verse_013.mp3,"Levitɔwo wu Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo eye wotsɔ woƒe ʋu na nunɔlaawo wohlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu, esi Levitɔwo ɖe agbalẽ le lãawo ŋu." data/train/2CH/2CH_020_Verse_008.mp3,Ebla nu kplii be yeatu tɔdziʋuwo le Ezion Geber be woanɔ Tarsis dem. data/train/2CH/2CH_002_Verse_015.mp3,"Solomo dɔ ame ɖe Fia Hiram le Tiro be woagblɔ nɛ be, “Ɖo sedatikpo siwo tɔgbi nena fofonye David esime wònɔ eƒe fiasã tum la ƒe ɖewo nye hã." data/train/2CH/2CH_025_Verse_000.mp3,"Ale Amazia na aʋawɔla siwo wòtsɔ la trɔ dzo yi Efraim. Nu sia na wobu be, Amazia ɖi gbɔ̃ yewo eye wodo dɔmedzoe ɖe eŋuti ŋutɔ." data/train/2CH/2CH_029_Verse_009.mp3,eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu. Ena míezu ŋɔdzidonamenuwo kple alɔmeɖenuwo abe ale si miele ekpɔm egbea ene. data/train/2CH/2CH_003_Verse_000.mp3,Akpata si nɔ gbedoxɔ la ŋkume la didi mita asieke va se ɖe gbedoxɔ la ƒe kekeme eye wòkɔ mita blaatɔ̃-vɔ-ene. Wofa sika nyuitɔ ɖe eme katã. data/train/2CH/2CH_023_Verse_015.mp3,mama evelia me tɔwo adzɔ fiasã la ŋu eye mama etɔ̃lia me tɔwo adzɔ Gɔmeɖokpegbo la ŋu. Ame bubuawo katã anɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo. data/train/2CH/2CH_027_Verse_007.mp3,"Yotam tu Dzigbegbo ɖe gbedoxɔ la ŋu eye wògbugbɔ gli siwo le Ofel toa dzi, afi si gbedoxɔ la le la ƒe akpa gã aɖe tu." data/train/2CH/2CH_034_Verse_020.mp3,"Hekpe ɖe esia ŋu la, wona ga atikpalawo kple gliɖolawo be woaƒle kpe kpakpawo kple atiwo na xɔ siwo Yuda fiawo gble ɖi eye nuwo gblẽ le wo ŋuti." data/train/2CH/2CH_018_Verse_015.mp3,"Israel fia la gblɔ na Yehosafat be, “Nyemegblɔe na wò oa? Megblɔa nyanyui aɖeke nam gbeɖe o. Vɔ̃ kokoko wòkpɔna gblɔna ɖaa tso ŋunye.”" data/train/2CH/2CH_006_Verse_030.mp3,"“Ne dziƒowo nu tu eye tsi mele dzadzam o elabena wò amewo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wodo gbe ɖa ɖo ɖe teƒe sia, ʋu wò ŋkɔ me eye woɖe asi le woƒe nu vɔ̃ ŋu elabena èwɔ fu wo la," data/train/2CH/2CH_013_Verse_003.mp3,"Azɔ la, Yeroboam ɖo asrafowo ɖe Israel ƒe asrafowo megbe, ale be esime wònɔ Yuda ŋgɔ la, asrafo siwo de xa ɖi la nɔ Yuda megbe." data/train/2CH/2CH_031_Verse_004.mp3,Edze agbagba vevie be yeana ameawo nabu gbedoxɔ la kple se la eye woanɔ agbe si adze Mawu ŋu. Nu siawo katã dze edzi nɛ nyuie. data/train/2CH/2CH_020_Verse_007.mp3,"“Azɔ la, kpɔ nu si Amon ƒe viwo, Moabtɔwo kple Seirtɔwo ƒe aʋakɔwo le wɔwɔm ɖa. Mèna mía tɔgbuiwo wɔ aʋa kpli wo esime Israel dzo le Egipte o, ale míeƒo xlã to wo ŋu eye míetsrɔ̃ wo o." data/train/2CH/2CH_009_Verse_026.mp3,"Wò amewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, dzidzɔ ka gbegbe wò dɔnunɔla siwo tsia tsitre ɖe wò ŋkume ɣe sia ɣi eye wosea wò nunya la makpɔ o!" data/train/2CH/2CH_006_Verse_029.mp3,"“Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wobia tso esi be wòava aka atam le wò vɔsamlekpui sia ŋgɔ be yemewɔ nu vɔ̃ la o la," data/train/2CH/2CH_034_Verse_025.mp3,"Le esia megbe la, eyi Manase, Efraim kple Simeon ƒe duwo me, yi keke Naftali ƒe duwo me ke eye wòwɔ nu mawo ke le teƒe mawo hã." data/train/2CH/2CH_010_Verse_011.mp3,"Ke hena Israelvi siwo nɔ Yuda ƒe duwo me la, Rehoboam gaɖu fia ɖe wo dzi ko." data/train/2CH/2CH_003_Verse_006.mp3,Kerubi eveawo ƒe aʋalawo didi mita ewo. Wole tsitrenu eye wodze ŋgɔ xɔ gã la. data/train/2CH/2CH_028_Verse_006.mp3,Edomtɔwo gava dze Yuda dzi eye woɖe aboyo ameawo data/train/2CH/2CH_001_Verse_011.mp3,"Mawu ɖo eŋu be, “Esi wò didi gãtɔe nye be yeakpe ɖe yeƒe amewo ŋu eye mèbia kesinɔnuwo kple bubu na ɖokuiwò o, mèbia be maƒo fi de yeƒe futɔwo o eye mèbia agbe didi na ɖokuiwò o, ke boŋ èbia nunya kple sidzedze be, yeakplɔ yeƒe amewo nyuie ta la," data/train/2CH/2CH_016_Verse_004.mp3,"elabena Yehowa ƒe ŋku kpɔa nu yia megbe kple ŋgɔgbe siaa to xexe blibo la me eye wòdia ame siwo nɔa eyome kple dzi blibo ale be yeate ŋu aɖe yeƒe ŋusẽ triakɔ la afia to kpekpeɖeŋunana wo me. Èwɔ bometsinu eya ta tso azɔ dzi yina la, ànɔ aʋawɔwɔ dzi.”" data/train/2CH/2CH_018_Verse_014.mp3,"Israel fia gblɔ na Yehosafat be, “Mado awu bubuwo ale be ame aɖeke makpɔm adze sii o; ke wò ya la, do wò fiawu!” Ale wowɔ ɖe Israel fia ƒe ɖoɖo sia dzi." data/train/2CH/2CH_020_Verse_012.mp3,"Eye Fia Yehosafat mlɔ anyigba, tsyɔ mo anyi eye Yuda blibo la kple Yerusalemtɔwo katã hã wɔ nenema henɔ Yehowa subɔm." data/train/2CH/2CH_004_Verse_019.mp3,"Wowɔ nyitsu siwo ƒe lolome anɔ mita afã la, ɖe zɔ la te. Wowɔ nyitsuawo ɖe fli eve me eye fliawo tsyia ɖe wo nɔewo nu, abe gazɔ la ke ene." data/train/2CH/2CH_020_Verse_004.mp3,Amewo tso Yuda ƒe akpa ɖe sia ɖe eye wowɔ ɖeka kple Yehosafat heɖe kuku na Yehowa. data/train/2CH/2CH_004_Verse_001.mp3,"Dɔ siawoe nye sɔti eveawo tutu; tameɖonu ɖeka ɖeka na sɔti eveawo; wotsi kɔsɔkɔsɔ eve ɖe tameɖonu nogoawo ŋu le sɔtiawo tame," data/train/2CH/2CH_006_Verse_008.mp3,"Edo gbe ɖa bena, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu aɖeke meɖi wò, le dziƒo afi ma alo anyigba dzi afi sia o, wò ame si léa wò lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi kple wò subɔla siwo zɔna ɖe wò mɔwo nu kple dzi blibo." data/train/2CH/2CH_016_Verse_014.mp3,"Woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ ɖe na eɖokui la me le David ƒe du la me. Wotsɔe mlɔ aba, si dzi wotsɔ atike ʋeʋĩ vovovo siwo atikeɖala veviwo tɔtɔ da ɖo la dzi, eye wodo dzo gã aɖe nɛ eteƒe mekɔ o." data/train/2CH/2CH_024_Verse_025.mp3,"Yoas wɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume, le nunɔla Yehoiada ƒe agbemeŋkekewo katã me." data/train/2CH/2CH_034_Verse_009.mp3,"Esi fia la se nu siwo Se siawo bia tso Mawu ƒe amewo si be woawɔ la, edze eƒe awuwo le dziɖeleameƒo ta." data/train/2CH/2CH_028_Verse_019.mp3,"Ke Obed, Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe nɔ afi ma le Samaria. Èɖado go aʋakɔ si trɔ gbɔna aƒe eye wòdo ɣli be, “Kpɔ ɖa! Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, do dɔmedzoe ɖe Yuda ŋu eye wòna miesi eƒe amewo eye miewu wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Nu sia medze dziƒo blibo la ŋu o." data/train/2CH/2CH_025_Verse_014.mp3,"Hekpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa ɖeka (100,000) tso Israel kple klosaloga tɔn etɔ̃." data/train/2CH/2CH_032_Verse_017.mp3,"Fia Hezekia le mia flum be, miawu mia ɖokuiwo le afi ma, dɔ kple tsikɔ awu mi miaku, le esime wòle ŋugbe dom na mi be, ‘Yehowa, mía Mawu la aɖe mí tso Asiria fia sime!’" data/train/2CH/2CH_005_Verse_004.mp3,eye Fia Solomo kple Israel ha blibo si ƒo xlãe la nɔ nubablaɖaka la ŋgɔ eye wotsɔ alẽ kple nyitsu geɖe siwo womate ŋu xlẽ o la sa vɔe. data/train/2CH/2CH_030_Verse_000.mp3,Ale ameha gã aɖe va kpe ta ɖe Yerusalem le ɣleti evelia me hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. data/train/2CH/2CH_024_Verse_015.mp3,Mawu ɖo nyagblɔɖilawo ɖa be woana ameawo natrɔ va ye gbɔ gake ameawo meɖo to wo o. data/train/2CH/2CH_011_Verse_006.mp3,"Egbugbɔ mɔwo tu sesĩe wu tsã, tsɔ aʋafiawo kple woƒe asrafowo de wo me eye wòdzra nuɖuɖu, ami kple wain ɖo ɖe wo me." data/train/2CH/2CH_006_Verse_004.mp3,"“Azɔ la, Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe bubu si nèdo nɛ be, ‘Wò dzidzimeviwo aɖu fia ɖe Israel dzi tegbetegbe ne woawɔ nye sewo dzi abe ale si nèwɔ ene,’ la dzi." data/train/2CH/2CH_015_Verse_016.mp3,Woka atam na Yehowa kple ɣlidodo sesĩe kple kpẽwo kple lãdzowo kuku. data/train/2CH/2CH_034_Verse_029.mp3,Safan ƒo nu tso agbalẽ la kple ale si Hilkia fɔe la ŋu eye wòxlẽe na fia la. data/train/2CH/2CH_016_Verse_013.mp3,Woŋlɔ Asa ƒe ŋutinya mamlɛawo ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽwo me. data/train/2CH/2CH_032_Verse_018.mp3,"Fia Senakerib ŋlɔ agbalẽ hã eye wòdo vlo Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Eŋlɔ ɖe agbalẽ la me be, “Dukɔ bubuwo katã ƒe mawuwo mete ŋu ɖe woƒe amewo tso nye asi me o, eye Hezekia ƒe Mawu hã mate ŋui o.”" data/train/2CH/2CH_009_Verse_000.mp3,Ale Fia Solomo de ŋgɔ wu anyigbadzifiawo katã le kesinɔnuwo kple nunya me. data/train/2CH/2CH_017_Verse_007.mp3,Ewɔ fofoa ƒe Mawu ƒe sewo dzi eye menɔ abe ame siwo nɔ Israel ene la kura o. data/train/2CH/2CH_030_Verse_027.mp3,"Yudatɔwo, nunɔlawo, Levitɔwo kple amedzrowo kple ame siwo tso Israelnyigba dzi va la kpɔ dzidzɔ gã aɖe." data/train/2CH/2CH_032_Verse_033.mp3,“Ɖe mienya nu si mía kple fofonyewo míewɔ anyigbadzidukɔwo katã oa? Dukɔ mawo ƒe mawuwo mete ŋu wɔ naneke heɖe woƒe anyigbawo o. data/train/2CH/2CH_020_Verse_037.mp3,"Yuda ƒe aʋakɔ la ho ŋdi kanyaa yi Tekoa gbegbe. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, Yehosafat tɔ ameawo eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Yuda kple Yerusalemtɔwo. Mixɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se ekema miaɖu dzi! Mixɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se ekema nu sia nu adze edzi na mi!”" data/train/2CH/2CH_023_Verse_011.mp3,Ke Yehoiada na Fia Yoas kple ameawo kpe ɖe eŋu eye wobla nu be yewoanye Yehowa ƒe amewo. data/train/2CH/2CH_033_Verse_016.mp3,"Le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eveawo la, eɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒoŋunuwo." data/train/2CH/2CH_031_Verse_011.mp3,"Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, woma nu na viŋutsu siwo xɔ ƒe etɔ̃ alo wu nenema, ame siwo ƒe ŋkɔwo menɔ dzidzimegbalẽ la me o, ame siwo dze be woayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me be woawɔ woƒe gbe sia gbe dɔdeasiwo le dɔ vovovo siwo woɖo na wo ɖe woƒe hatsotsowo me nu." data/train/2CH/2CH_002_Verse_003.mp3,"Ehiã agbatsɔla akpe blaadre (70,000), kpekpala akpe blaenyi (80,000) le toawo dzi kple dɔdzikpɔla akpe etɔ̃ alafa ade (3,600) na dɔ sia wɔwɔ." data/train/2CH/2CH_009_Verse_009.mp3,Etsɔ sika wɔ atrakpui ade kple afɔɖodzinu ɖeka kple abɔɖoƒewo ɖe fiazikpui la ŋu. Abɔɖoƒe nɔ zikpuia ƒe axa eveawo dzi eye wowɔ dzata si le tsitre la da ɖe abɔɖoƒe aveawo ƒe axadzi. data/train/2CH/2CH_023_Verse_006.mp3,"Azɔ la, Yehoiada na Levitɔwo zu dzɔlawo eye wosa numevɔ na Yehowa le Mose ƒe se la nu. Ede dɔwo asi na Levitɔwo abe ale si Fia David wɔ ene tututu. Wodzia ha kple dzidzɔ ne wole woƒe dɔwo wɔm." data/train/2CH/2CH_003_Verse_002.mp3,Etsɔ kpe xɔasi siwo nya kpɔna ŋutɔ la ɖo ɖe gliawo me be woado xɔa me ƒe nyonyo ɖe ŋgɔ. Sika la nye sika nyuitɔ tso Parvaim. data/train/2CH/2CH_029_Verse_029.mp3,Nunɔlawo dzra xɔ emetɔ le gbedoxɔ la me ɖo eye wolɔ ʋuʋudedi kple nu gbegblẽwo katã tso afi ma va kɔ ɖe xɔxɔnu. Levitɔwo lɔ nu siawo yi Kidron tɔʋu la me. data/train/2CH/2CH_018_Verse_013.mp3,Gake Yehosafat gblɔ kpe ɖe eŋu na Israel fia bena “Bia gbe Yehowa gbã.” data/train/2CH/2CH_004_Verse_010.mp3,gazɔ ɖeka kple nyitsu wuieve siwo le ete; data/train/2CH/2CH_034_Verse_011.mp3,Etɔ dzo trɔ̃nuawo ƒe ƒuwo ɖe woawo ŋutɔwo ƒe vɔsamlekpui dzi elabena ebu be nuwɔna sia aɖe legbasubɔsubɔ ƒe nu vɔ̃wo ɖa le Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo ŋuti. data/train/2CH/2CH_032_Verse_026.mp3,"Migana Hezekia nana miazu abunɛtɔwo o! Migaxɔ edzi se o! Megale egblɔm be, dukɔ aɖeke ƒe mawu mete ŋu ɖe eƒe amewo tso nye asi me loo alo tso tɔgbuinyewo ƒe asi me kpɔ o. Aleke miaƒe mawu ya ate ŋui?”" data/train/2CH/2CH_010_Verse_002.mp3,"Ale woɖo du ɖe Yeroboam eye eya kple Israel katã yi Rehoboam gbɔ eye wogblɔ nɛ bena," data/train/2CH/2CH_029_Verse_036.mp3,Wowu mía fofowo le aʋa me eye woɖe aboyo mía vinyɔnuwo kple mía srɔ̃wo le esia ta. data/train/2CH/2CH_011_Verse_001.mp3,"Ame aɖewo, siwo menye nunɔlawo o hã de asi ʋuʋu tso Israel ƒe toawo katã me yi Yerusalem, afi si woakpɔ mɔ asubɔ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu eye woasa vɔ nɛ le." data/train/2CH/2CH_024_Verse_000.mp3,"Ale fia la yɔ Yehoiada, nunɔlagã la eye wòbiae be, “Nu ka ta mèzi Levitɔwo dzi be woaɖaxɔ ga tso Yuda duwo me kple Yerusalem hena gbedoxɔ la dzadzraɖo o? Ele be míakpɔ egbɔ be wowɔ se si Mose, Yehowa ƒe dɔla, de la dzi ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo.”" data/train/2CH/2CH_034_Verse_023.mp3,"Ke fifia la, àku eye woaɖi wò le ŋutifafa me. Wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e si mahe va afi sia kple ame siwo le afi sia dzi o.’ ” Ale woxɔ eƒe ŋuɖoɖo yi na fia la. Ale wotsɔ nya sia tso Yehowa gbɔ yi na fia la." data/train/2CH/2CH_020_Verse_001.mp3,"Ale esi Yuda ƒe aʋakɔ la va ɖo xɔ tsrala si dzi dzɔlawo nɔna kpɔa gbegbe la ɖa gbɔ la, wokpɔ ame kukuwo le anyigba le afi sia afi, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã mete ŋu si dzo o." data/train/2CH/2CH_020_Verse_015.mp3,"Fia Yehosafat kple eƒe amewo yi ɖaha nuwo le ame kukuawo ŋu. Wokpɔ ga, awuwo kple kpe xɔasi geɖewo ɖe le wo ŋu ale gbegbe be wotsɔ ŋkeke etɔ̃ sɔŋ lɔ afunyinuawo!" data/train/2CH/2CH_031_Verse_018.mp3,"Tete wowɔ nuteƒe hetsɔ woƒe nudzɔdzɔwo, nu ewoliawo kple nunana si woɖe ɖe aga la vɛ. Konania, Levitɔ, nɔ nu siawo nu eye nɔvia ŋutsu. Simei, nye ame si nye eƒe kpeɖeŋutɔ." data/train/2CH/2CH_033_Verse_004.mp3,"Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòwɔ aƒeliwo. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo." data/train/2CH/2CH_020_Verse_032.mp3,"Yahaziel gblɔ be, “Miɖo tom, mi ame siwo katã tso Yuda kple Yerusalem kple wò, Fia Yehosafat. Yehowa be, ‘Migavɔ̃ o! Migana aʋakɔ gã sia nana dzidzi naƒo mi o elabena aʋa la menye mia tɔe o ke boŋ Mawu tɔe!" data/train/2CH/2CH_004_Verse_004.mp3,"Ewɔ kplɔ̃ ewo hã; eda atɔ̃ ɖe gli ŋu le dziehe gome, atɔ̃ hã nɔ gli ŋu le anyiehe gome eye wòwɔ sikatre ewo hã." data/train/2CH/2CH_025_Verse_009.mp3,Ewɔa nu si dze Mawu ŋu enuenu gake menye ɣe sia ɣi o! data/train/2CH/2CH_006_Verse_001.mp3,"“Ame siae nye fofonye, Fia David. Edi be yeatu gbedoxɔ aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ." data/train/2CH/2CH_030_Verse_007.mp3,"Eva eme alea elabena womegaɖu ŋkekenyui sia tɔgbi kpɔ alea le Yerusalem le Solomo, Fia David ƒe vi ƒe ŋkekewo megbe o." data/train/2CH/2CH_035_Verse_016.mp3,“Mitsi tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la kple Levitɔwo ƒe ha aɖe ɖe ƒomewo ƒe ha ɖe sia ɖe nu ɖe mia nɔvi siwo menye nunɔlawo o la nu. data/train/2CH/2CH_029_Verse_020.mp3,"Ke nunɔlawo mesɔ gbɔ na numevɔ la sasa o, ale wo nɔvi Levitɔwo kpe ɖe wo ŋu va se ɖe esime wowu dɔ la nu eye va se ɖe esime nunɔla geɖewo va dɔwɔƒe la; elabena Levitɔwo nɔ klalo be yewoakɔ yewo ɖokuiwo ŋu wu ale si nunɔlawo nɔ klaloe." data/train/2CH/2CH_024_Verse_005.mp3,"Emegbe la, Yoas ɖo ta me be yeadzra gbedoxɔ la ɖo." data/train/2CH/2CH_031_Verse_020.mp3,"Wotia nunɔla ɖeka le du ɖe sia ɖe si me nunɔlawo, Aron ƒe viwo, nɔ la me be wòama nuɖuɖu kple nu bubuwo na nunɔla siwo le nuto me ma kple Levitɔ siwo katã ŋkɔ wode agbalẽ me." data/train/2CH/2CH_003_Verse_012.mp3,Sɔti eve le gbedoxɔ la ƒe mɔnu. Ɖe sia ɖe kɔ mita wuiade. Wotsɔ taɖonu si do tso xɔgbagba la te la ɖo ta na sɔtiawo eye ɖe sia ɖe kɔ mita eve kple afã. data/train/2CH/2CH_006_Verse_016.mp3,"ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo eye nàwɔ na ame sia ame ɖe eƒe nuwɔna nu (elabena wò koe nya amewo ƒe dzi me)," data/train/2CH/2CH_007_Verse_010.mp3,"Israel blibo la kpɔ nu sia teƒe eye wotsyɔ mo anyi, kafu Yehowa eye woda akpe nɛ hedo ɣli bena, “Eƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee!”" data/train/2CH/2CH_028_Verse_001.mp3,"Ale, Ahaz tsɔ nu siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple fiasã la me ƒe akpa aɖewo kpakple dɔnunɔlawo tɔ hetsɔ na Asiria fia la gake egbe kpekpe ɖe eŋu." data/train/2CH/2CH_026_Verse_012.mp3,"Ke esi ŋusẽ ɖo Uzia ŋu vɔ megbe la, dada si nɔ eme la na wòdze anyi. Meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, ke boŋ ege ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me be yeado dzudzɔ le dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la dzi." data/train/2CH/2CH_030_Verse_019.mp3,"Miganye kɔlialiatɔwo abe woawo ene o, ke boŋ miɖe asi le mia ɖokuiwo ŋu na Yehowa eye miatrɔ va eƒe gbedoxɔ si ŋu wokɔ tegbee la me. Misubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ale be eƒe dɔmedzoe helihelĩ la naɖe ɖa le mia dzi." data/train/2CH/2CH_024_Verse_019.mp3,"Woɖe asi le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ŋu eye wosubɔ aƒeliwo kple legbawo. Le woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ta la, Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖi Yuda kple Yerusalem ŋu." data/train/2CH/2CH_028_Verse_003.mp3,"Ame ene siwo woyɔ va yi la, ma awuwo tso afunyinuawo me na nyɔnu kple ɖevi siwo hiã awuwo eye wotsɔ afɔkpawo, nuɖuɖu kple wain na wo. Wotsɔ dɔnɔwo kple ame tsitsiwo ɖe tedziwo dzi, gbugbɔ wo yi na woƒe ƒometɔwo le Yeriko, Detiwo Ƒe Du me eye ame siwo kplɔ wo yi la trɔ va Samaria." data/train/2CH/2CH_022_Verse_006.mp3,"Esime Yehu nɔ Ahab ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo wum la, edo go Ahazia ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye Yuda ƒe fiaviŋutsuwo eye wòwu wo." data/train/2CH/2CH_001_Verse_017.mp3,"Wodɔ tasiaɖam tso Egipte esi ƒe asie nye klosaloga kilogram adre kple sɔ si ƒe asie nye, klosaloga kilogram ɖeka kple afã. Woawo hã dzraa wo na dutafiawo, ame siwo nye Hititɔwo kple Aramtɔwo ƒe fiawo." data/train/2CH/2CH_035_Verse_015.mp3,"Midzra mia ɖokuiwo ɖo ɖe ƒomewo nu le míaƒe hatsotsowo me ɖe ale si David, Israel fia kple via, Solomo, ŋlɔe da ɖi la nu." data/train/2CH/2CH_015_Verse_018.mp3,Yuda blibo la kpɔ dzidzɔ ɖe atam si woka la ta elabena woka atam la kple woƒe dzi blibo. Wodi Mawu vevie eye woke ɖe eŋu eya ta Yehowa hã na gbɔɖeme wo le goawo katã me. data/train/2CH/2CH_032_Verse_014.mp3,Exe Gihon tɔsisi la ƒe Dzigbetɔʋu la ƒe nugbɔ eye wòɖe tɔʋu aɖe na tsi la be wòatsa ayi David ƒe Du la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo le Yerusalem. data/train/2CH/2CH_029_Verse_022.mp3,"Le esia megbe la, nunɔlaawo wu gbɔ̃tsuawo eye wotsɔ woƒe ʋu sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa le vɔsamlekpui la dzi be wòalé avu ɖe Israel blibo la nu abe ale si fia la ɖoe ene elabena fia la ɖo be woasa numevɔ la kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ɖe dukɔ blibo la nu." data/train/2CH/2CH_026_Verse_010.mp3,Etu xɔ tsralawo ɖe Yerusalem le Dzigbegbo kple Balimegbo la nu kple afi si gli la glɔ̃ mɔ le eye wòglã wo. data/train/2CH/2CH_035_Verse_002.mp3,"Emegbe la, Levitɔwo ɖa nu na woawo ŋutɔ kple nunɔlaawo, Aron ƒe viwo, elabena wonɔ dɔ dzi tso ŋdi va se ɖe fiẽ henɔ dzo tɔm numevɔsalãwo ƒe ami." data/train/2CH/2CH_016_Verse_003.mp3,"Ben Hadad lɔ̃ ɖe Fia Asa ƒe nya la dzi heƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ƒe duwo ŋu. Wogbã du siawo: Iyɔn, Dan kple Abel Maim kple nudzraɖoƒe duwo katã le Naftali." data/train/2CH/2CH_035_Verse_017.mp3,"Miwu Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo, mikɔ mia ɖokuiwo ŋuti eye miakpe ɖe ame siwo va la ŋuti ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na to Mose dzi la nu.”" data/train/2CH/2CH_009_Verse_027.mp3,"Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa klosalo, sika kple awuwo, aʋawɔnuwo, atike ʋeʋĩwo, sɔwo kple tedzisɔwo vana nɛ ƒe sia ƒe." data/train/2CH/2CH_013_Verse_011.mp3,Israelviwo si le Yuda ŋgɔ eye Mawu tsɔ wo de asi na Yuda ƒe viwo data/train/2CH/2CH_008_Verse_006.mp3,"Hiram ɖo tɔdziʋu siwo eya ŋutɔ ƒe amewo, ame siwo nya atsiaƒu ŋu dɔ wɔwɔ nyuie la ku la ɖee. Ame siawo kple Solomo ƒe amewo yi Ofir eye wotsɔ sika kilo akpe wuiatɔ̃ vɛ na Fia Solomo." data/train/2CH/2CH_029_Verse_003.mp3,Ame siwo tso Heman ƒe hlɔ̃ me: Yehiel kple Simei. Ame siwo tso Yedutun ƒe hlɔ̃ me. Semaya kple Uziel. data/train/2CH/2CH_015_Verse_013.mp3,"Togbɔ be megbã nuxeƒewo ɖa le Israel o hã la, Asa ƒe dzi nɔ Yehowa ŋu blibo le eƒe agbemeŋkekewo katã me." data/train/2CH/2CH_006_Verse_000.mp3,ale be woavɔ̃ wò eye woazɔ le wò mɔwo dzi le woƒe agbemeŋkekewo katã me le anyigba si nèna mía fofowo la dzi. data/train/2CH/2CH_021_Verse_008.mp3,"Gawu la, Yehoram wɔ nuxeƒewo ɖe Yuda ƒe towo dzi eye wòzi eƒe amewo dzi be woasubɔ legbawo." data/train/2CH/2CH_032_Verse_008.mp3,"Dɔla siwo tsɔ agbalẽa vɛ la do ɣli gblɔ ŋɔdzidonamenyawo le Yuda gbe me na ame siwo ƒo ƒu ɖe dua ƒe gliwo dzi eye wodi be yewoado vɔvɔ̃ na wo, ana dzi naɖe le wo ƒo." data/train/2CH/2CH_020_Verse_031.mp3,"Woŋlɔ nu sia nu tso Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe ŋutinya si Yehu, Hanani ƒe vi, ŋlɔ wode Israel fiawo Ƒe Ŋutinya me la me." data/train/2CH/2CH_007_Verse_018.mp3,"Nunɔlawo nɔ tsitre ɖe woƒe dɔwɔƒewo le esime Levitɔwo nɔ woƒe akpedahawo dzim be, “Eƒe amenuveve li tegbee” kpe ɖe haƒonu siwo Fia David ŋutɔ wɔ eye wòna wowɔa wo ŋu dɔ hena Yehowa kafukafu ŋuti. Esi nunɔlaawo ku kpẽawo la, Israel ƒe ameha blibo la tsi tsitre." data/train/2CH/2CH_031_Verse_012.mp3,"Hezekia bia nunɔlawo kple Levitɔwo be, “Afi ka nu gbogbo siawo katã tso?”" data/train/2CH/2CH_006_Verse_033.mp3,"“Ne wò amewo yi aʋa wɔ ge kple woƒe futɔwo le wò gbeɖeɖe nu eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe du sia, Yerusalem, esi nètia kple gbedoxɔ sia, si metu na wò gbɔ la," data/train/2CH/2CH_024_Verse_001.mp3,"Ame siwo wɔ babla ɖe eŋu la woe nye Zabad, ame si dadae nye Simeat, Amon ƒe viwo dometɔ ɖeka kple Yehozabad, Simirit, nyɔnu aɖe si tso Moab." data/train/2CH/2CH_020_Verse_023.mp3,"Le ŋkeke enelia gbe la, woƒo ƒu ɖe balime si woyɔna va se ɖe egbe be Yayrabalime la eye wokafu Mawu ale si woate ŋui." data/train/2CH/2CH_004_Verse_006.mp3,Fia la na wololõ ga la kɔ ɖe nu si wowɔ ɖe nuawo ƒe nɔnɔme me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Sukɔt kple Zereda dome. data/train/2CH/2CH_001_Verse_006.mp3,"Ke akɔblivɔsamlekpui si Bezalel, Uri ƒe viŋutsu, ame si nye Hur ƒe viŋutsu wɔ la nɔ Gibeon le Yehowa ƒe agbadɔ la ƒe ŋgɔgbe ale Solomo kple ameawo bia eta le afi ma." data/train/2CH/2CH_014_Verse_007.mp3,"eye wòɖe gbe be, dukɔ blibo la nawɔ Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ƒe sewo dzi." data/train/2CH/2CH_035_Verse_004.mp3,"Eɖo na Levitɔ siwo ŋu wokɔ eye wonye mawunyafialawo le Israel be, “Esi nubablaɖaka la le Solomo ƒe agbadɔ me azɔ ta la, megahiã be mianɔ ekɔm ɖe abɔta tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu o eya ta miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ hena mawusɔbɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Yehowa kple eƒe amewo." data/train/2CH/2CH_028_Verse_015.mp3,Fia la tsɔ sikatreawo tso gbedoxɔ la me eye wògbã wo kakɛkakɛ. Etu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ale be ame aɖeke magasubɔ Mawu le afi ma o eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yerusalem ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. data/train/2CH/2CH_020_Verse_002.mp3,Ale Yehosafat nɔ ŋgɔ na ameawo eye wotrɔ gbɔ va Yerusalem kple dzidzɔ be Yehowa ɖe yewo nukutɔe alea tso yewoƒe futɔwo ƒe asi me. data/train/2CH/2CH_011_Verse_018.mp3,"Rehoboam tɔ asi Maaka ƒe vi, Abiya dzi be wòanye gbãtɔ le fiaviŋutsuawo dome ale be wòaɖu fia ɖe ye yome." data/train/2CH/2CH_028_Verse_009.mp3,"Emegbe la, Zikri, aʋawɔla sesẽ aɖe, tso Efraim, wu fiavi, Maaseya kple fia la ƒe kpeɖeŋutɔ, Azrikam kple Elkana, ame si nye ŋusẽtɔ evelia kplɔ fia la ɖo." data/train/2CH/2CH_029_Verse_002.mp3,Ame siwo tso Elizafan ƒe hlɔ̃ me: Yeiel kple Simri. Ame siwo tso Asaf ƒe hlɔ̃ me: Zekaria kple Matania. data/train/2CH/2CH_009_Verse_020.mp3,"nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku." data/train/2CH/2CH_031_Verse_014.mp3,"Israelvi kple Yudatɔ siwo nɔ Yuda duwo me la hã tsɔ woƒe lãwo ƒe ewolia ƒe ɖeka kple nu kɔkɔe si wodzra ɖo na Yehowa, woƒe Mawu la ƒe ewolia ƒe ɖeka vɛ eye woli kɔ wo." data/train/2CH/2CH_005_Verse_000.mp3,"Azɔ la, Fia Solomo na Israel ƒe kplɔlawo katã, hlɔ̃memegãwo kple aƒekɔwo ƒe tatɔwo kpe ta ɖe Yerusalem hena Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ tso agbadɔ la me le David ƒe Du si wogayɔna be Zion la me yi eƒe nɔƒe yeye la le gbedoxɔ la me." data/train/2CH/2CH_030_Verse_011.mp3,Fia la kple eƒe aɖaŋudelawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi data/train/2CH/2CH_008_Verse_011.mp3,"Solomo kplɔ srɔ̃a si nye Fia Farao ƒe vinyɔnu la dzoe tso Yerusalem ƒe akpa si woyɔna be David ƒe Du la me yi fiasã yeye si wotu nɛ la me elabena egblɔ be, “Mele be srɔ̃nye nanɔ Fia David ƒe fiasã me o elabena Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma kpɔ eye wònye teƒe kɔkɔe.”" data/train/2CH/2CH_011_Verse_020.mp3,"Wodzi viŋutsu etɔ̃; woawoe nye Yeus, Semaria kple Zaham." data/train/2CH/2CH_026_Verse_015.mp3,"Le Zekaria ƒe agbenɔɣi la, Uzia dina ɣe sia ɣi be yeadze Mawu ŋu. Zaxarya nye ame si kpɔa ɖeɖefia tɔxɛwo tsoa Mawu gbɔ. Ŋkeke ale si fia la zɔ le Mawu ƒe ɖoɖowo nu ko la, nuwo dze edzi nɛ elabena Mawu yrae." data/train/2CH/2CH_010_Verse_010.mp3,"“Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ kple kɔkuti kpekpe si wòda ɖe mía dzi la dzi na mí ekema míasubɔ wò.”" data/train/2CH/2CH_025_Verse_020.mp3,"Ke nyagblɔɖila aɖe va gblɔ nya si tso Mawu gbɔ la nɛ be, “Oo fia, mègatsɔ aʋawɔlawo tso Israel o elabena Yehowa meli kpli wo o." data/train/2CH/2CH_007_Verse_022.mp3,"Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã me eye wògblɔ nɛ be, “Mese wò gbedodoɖa eye metia teƒe sia na ɖokuinye be wòanye gbedoxɔ na vɔsawo." data/train/2CH/2CH_020_Verse_018.mp3,Ke mahiã be miawɔ aʋa kura o! Miyi ɖanɔ miaƒe teƒewo ko ne miakpɔ ale si Mawu aɖe mi nukutɔe la ɖa. Oo Yuda kple Yerusalem ƒe amewo! Migavɔ̃ o eye migabu dzideƒo hã o! Miawo miyi afi ma etsɔ ko elabena Yehowa li kpli mi!’ ” data/train/2CH/2CH_017_Verse_003.mp3,"Aʋawɔla akpe alafa eve (200,000) tso Benyamin ƒe viwo dome; wotsɔ datiwo, aŋutrɔwo kple akpoxɔnuwo eye wonɔ aʋafia xɔŋkɔ Eliada te." data/train/2CH/2CH_010_Verse_017.mp3,"Tete Fia Rehoboam de aɖaŋu kple ametsitsi siwo nɔ fofoa Solomo ŋu le eƒe agbemeŋkekewo me. Ebia wo be, “Ŋuɖoɖo kae miesusu be mana ame siawo?”" data/train/2CH/2CH_035_Verse_024.mp3,"Yeremia kpa konyifahawo na Yosia eye va se ɖe egbe la, hadzilawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖoa ŋku Yosia dzi le konyifahawo me. Esia zu kɔnu le Israel eye woŋlɔ wo ɖe Konyifahawo me." data/train/2CH/2CH_012_Verse_006.mp3,"Fia Rehoboam kple Yuda ƒe kplɔlawo do ɣli ʋu woƒe nu vɔ̃wo me be, “Yehowa tɔ dzɔ be wòwɔ mí alea!”" data/train/2CH/2CH_020_Verse_005.mp3,"Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo trɔ ɖe ame siwo wotsɔ be woawɔ aʋa na yewo to Seir to la dzi la ŋu eye wowu wo katã. Le esia megbe la, wotrɔ ɖe wo nɔewo ŋu!" data/train/2CH/2CH_025_Verse_008.mp3,"Esi wòkpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe yeƒe asi me la, ewu dumegã siwo katã wu fofoa." data/train/2CH/2CH_012_Verse_004.mp3,"Esi Yehowa kpɔ ale si wobɔbɔ wo ɖokuie la, eɖo Semaya ɖa be wòagblɔ na wo be, “Esi miebɔbɔ mia ɖokui ta la, nyematsrɔ̃ mi keŋkeŋ o, mia dometɔ aɖewo asi. Nyemawɔ Fia Sisak ŋu dɔ le nye dɔmedzoetɔtrɔ kɔ ɖe Yerusalem dzi me o." data/train/2CH/2CH_003_Verse_005.mp3,Gɔmeɖokpe si Solomo ɖo na Mawu ƒe gbedoxɔ la didi mita blaeve-vɔ-adre eye wòkeke mita asieke le nudzidzenu xoxo la nu. data/train/2CH/2CH_018_Verse_003.mp3,"Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene (400) nu ƒu eye wòbia wo be, “Mího aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo mínɔ anyi koa?” Woɖo eŋu nɛ be, “Yi, elabena Mawu atsɔe ade fia la ƒe asi me.”" data/train/2CH/2CH_015_Verse_007.mp3,"Hena ɣeyiɣi didi aɖe le Israel la, nyateƒe Mawu la subɔsubɔ meganɔ anyi o eye nunɔla aɖeke hã meganɔ anyi afia nu ameawo o. Nenema ke se la hã meganɔ anyi o" data/train/2CH/2CH_034_Verse_030.mp3,"Tete Safan tsɔ agbalẽ la yi na fia la eye wògblɔ nɛ be, “Wò dɔnunɔlawo le nu sia nu wɔm le woƒe dɔdeasiwo ŋuti." data/train/2CH/2CH_034_Verse_005.mp3,"Ebia tso ame sia ame si nɔ Yerusalem kple Benyamin si be, woanɔ nubabla sia me kple Mawu eye wo katã wolɔ̃ ɖe edzi." data/train/2CH/2CH_007_Verse_009.mp3,"Gbedoxɔ sia azu xɔ gbagbã si ƒe xɔtunuwo woali kɔe ɖi eye ame sia ame si ava tso eme yina la ƒe nu aku, eye wòabia be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu siawo ɖe anyigba sia kple gbedoxɔ sia ŋu?’" data/train/2CH/2CH_027_Verse_005.mp3,"Woŋlɔ Yotam ƒe ŋutinya mamlɛa, eƒe aʋawɔwɔwo kple eƒe wɔna bubuwo ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinyawo me." data/train/2CH/2CH_031_Verse_010.mp3,"Hekpe ɖe esiawo ŋu la, Fia Hezekia na be Yerusalemtɔwo natsɔ woƒe nuwo ƒe ewolia vɛ na nunɔlawo kple Levitɔwo ale be magahiã be woawɔ dɔ bubuwo o, ke boŋ woalé fɔ ɖe dɔ siwo Mawu ƒe se la ɖo na wo la ko ŋu vevie." data/train/2CH/2CH_020_Verse_033.mp3,"Yehosafat nye fia nyui aɖe abe fofoa, Asa ene; edze agbagba ɣe sia ɣi be yeadze Yehowa ŋu," data/train/2CH/2CH_007_Verse_008.mp3,"Fia Solomo ɖo ameawo ɖe aƒe le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-etɔ̃lia gbe. Ameawo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le ale si Yehowa ve David kple Solomo kpakple eƒe dukɔ, Israel nu la ta." data/train/2CH/2CH_036_Verse_018.mp3,"Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖo eƒe nya ɖe wo to eƒe dɔlawo dzi enuenu elabena ekpɔ nublanui na eƒe dukɔ la kple eƒe nɔƒe la." data/train/2CH/2CH_017_Verse_002.mp3,"Ame si kplɔe ɖo lae nye Yehozabad eye wòkplɔ aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi (180,000), ame siwo xɔ hehe nyuie." data/train/2CH/2CH_007_Verse_020.mp3,"Woaɖo eŋu be, ‘Elabena ameawo ɖe asi le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ame si kplɔ wo do goe le Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ mawu bubuwo eya tae wòhe dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzi ɖo!’ ”" data/train/2CH/2CH_033_Verse_023.mp3,"Woŋlɔ eƒe gbedodoɖa kple ale si eƒe kokoƒoƒo wɔ dɔ ɖe Mawu dzi kpe ɖe eƒe nu vɔ̃wo, eƒe nuteƒemawɔmawɔ, teƒe siwo wòtu nuxeƒewo ɖo, afi siwo wòtu aƒeliwo ɖo eye wòli legbawo ɖo hafi bɔbɔ eɖokui la katã de nukpɔlawo ƒe nyaŋlɔɖigbalẽwo me." data/train/2CH/2CH_033_Verse_003.mp3,"Eda legba aɖe si wòwɔ la ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la me, teƒe si tututu ŋu Mawu ƒo nu tsoe na David kple Solomo esi wògblɔ be, “Matsɔ nye ŋkɔ aɖo gbedoxɔ sia me kple Yerusalem, du si metia tso Israel ƒe towo ƒe duwo katã me la ŋu tegbetegbe!" data/train/2CH/2CH_009_Verse_010.mp3,Fia Hiram kple Solomo ƒe tɔdziʋukulawo tsɔ sika si tso Ofir kple papawuti kple kpe xɔasi geɖewo hã vɛ. data/train/2CH/2CH_014_Verse_005.mp3,"elabena Asa wɔ nu si dza le Yehowa, eƒe Mawu la ƒe ŋkume." data/train/2CH/2CH_035_Verse_012.mp3,"Le esia megbe la, wome Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo eye woɖa nunana kɔkɔewo le zewo kple agbawo me le Mose ƒe se la nu eye woɖe abla tsɔ wo yi na ameawo be woaɖu." data/train/2CH/2CH_018_Verse_010.mp3,"Esi tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ Yehosafat la, wobu be, eya kokokoe nye Israel fia la. Ale wolũ ɖe edzi, ke Yehosafat do ɣli eye Yehowa xɔ nɛ. Ke Mawu ble wo dzoe le egbɔ" data/train/2CH/2CH_033_Verse_006.mp3,"Esi wògbugbɔ David ƒe Du la ƒe gli egodotɔ ɖo vɔ la, eɖo gli la ɖe Gihon tɔʋu si le balime la ƒe ɣedzeƒe yi ɖase keke Tɔmelãgbo la nu, eɖoe ƒo xlã Ofel togbɛ la eye wòna teƒe sia ƒe gliwo kɔ wu teƒe mamlɛawo tɔwo. Eɖo aʋafiawo Yuda du siwo katã wòglã la nu." data/train/2CH/2CH_014_Verse_010.mp3,"Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe ɣelegbawo ɖa le togbɛawo dzi kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo ɖa le Yuda duwo me. Esia ta Mawu na ŋutifafa nɔ eƒe fiaduƒe me." data/train/2CH/2CH_020_Verse_034.mp3,"Yehosafat se be, “Aʋakɔ gã aɖe ho aʋa ɖe ŋuwò tso Dzeƒu la godo le Siria gbɔna eye wova ɖo Hazazon Tamar, si wogayɔna hã be En Gedi la xoxo.”" data/train/2CH/2CH_029_Verse_017.mp3,Hezekia kple ameawo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu siwo Mawu wɔ le ɣeyiɣi kpui ma me la ta. data/train/2CH/2CH_018_Verse_026.mp3,"Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya bubu si Yehowa gagblɔ nam la ɖa. Mekpɔ Yehowa le eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔ geɖewo le tsitre ɖe eƒe ɖusi kple mia dzi." data/train/2CH/2CH_025_Verse_025.mp3,"Tso esime wòtrɔ le Yehowa yome la, woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma." data/train/2CH/2CH_017_Verse_014.mp3,Vɔvɔ̃ na Yehowa dze fiaɖuƒe siwo ƒo xlã Yuda la dzi ale wo dometɔ aɖeke meho aʋa ɖe Yehosafat ŋu o. data/train/2CH/2CH_032_Verse_006.mp3,Dukɔ siawo ƒe mawuwo dometɔ kae te ŋu ɖe eƒe dukɔ tso nye asi me? Nu kae na miebu be miaƒe Mawu ya ate ŋu aɖe mi? data/train/2CH/2CH_036_Verse_002.mp3,Anyigba la xɔ eƒe Dzudzɔgbe dzudzɔwo. Edzudzɔ ɣeyiɣi siwo katã wònye aƒedo va se ɖe esime ƒe blaadre de le Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi to Yeremia dzi la nu. data/train/2CH/2CH_017_Verse_009.mp3,Ezɔ Mawu ƒe mɔwo dzi dzideƒotɔe; ekaka trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo le togbɛawo dzi eye wòho aƒeliwo gɔ̃ hã. data/train/2CH/2CH_001_Verse_008.mp3,"Le Fia Solomo ƒe fiaɖuɣi la, klosalo kple sika bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene." data/train/2CH/2CH_015_Verse_012.mp3,"Tete wòƒo Yuda kple Benyamin katã nu ƒu, nenema kee nye ame siwo tso Efraim, Manase kple Simeon ƒe towo me, ame siwo nɔ wo dome. Ameha gã aɖe do va egbɔ tso Israel esime wokpɔ be Yehowa, eƒe Mawu la li kplii." data/train/2CH/2CH_026_Verse_017.mp3,"Nu bubu siwo dzɔ le Uzia ƒe fiaɖuɣi, tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu la, Nyagblɔdila Yesaya, Amoz ƒe vi ŋlɔ wo katã da ɖi." data/train/2CH/2CH_023_Verse_017.mp3,"Nunɔla Yehoiada dɔ ame siwo nɔ asrafo alafa ɖekawo nu, ame siwo nɔ aʋawɔlawo dzi kpɔm la ɖa eye wògblɔ na wo be, “Mikplɔe to ameawo dome vɛ eye miawu ame sia ame si adze eyome.” Elabena nunɔla la gblɔ do ŋgɔ be, “Migawui ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.”" data/train/2CH/2CH_030_Verse_026.mp3,Yehowa se Hezekia ƒe gbedodoɖa eye metsrɔ̃ ameawo o. data/train/2CH/2CH_021_Verse_019.mp3,Yehoram xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe enyi. data/train/2CH/2CH_009_Verse_014.mp3,Fia Solomo tsɔ papawutiwo wɔ atrakpuiwo na gbedoxɔ la kple fiasã la kple kasaŋkuwo kple saŋkuwo na hadzilawo. Womekpɔ haƒonu nyui mawo tɔgbi kpɔ le Yudanyigba blibo la dzi o. data/train/2CH/2CH_006_Verse_031.mp3,"“Ne dɔ to alo dɔvɔ̃ va anyigba dzi, ne bli hlɔ̃ alo dze heteku, ne ʋetsuviwo alo ʋetrawo va anyigba la dzi alo ne futɔwo va ɖe to ɖe wo le woƒe duwo dometɔ aɖe me, dzɔgbevɔ̃e alo dɔléle ɖe sia ɖe si ava la," data/train/2CH/2CH_026_Verse_021.mp3,Uzia xɔ ƒe wuiade esi wòzu fia eye wòɖu dzi le Yerusalem ƒe blaatɔ̃ vɔ eve. Dadaa ŋkɔe nye Yekolia tso Yerusalem. data/train/2CH/2CH_005_Verse_013.mp3,"Naneke menɔ nubablaɖaka la me o negbe kpe kpakpa eve siwo Mose tsɔ de eme le Horeb to la gbɔ, esi Yehowa bla nu kple Israelviwo esi woʋu tso Egipte la ko." data/train/2CH/2CH_021_Verse_011.mp3,"Ke Yehowa medi be yeatsi David ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu o elabena ebla nu kple David be, yeana eƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka nanɔ fiazikpui la dzi ɣe sia ɣi kokoko." data/train/2CH/2CH_021_Verse_018.mp3,"Wozɔ ɖe Yuda dzi, ge ɖe woƒe anyigba dzi; wotsɔ nu xɔasi ɖe sia ɖe si nɔ fiasã la me eye wolé fia la ƒe viwo kple srɔ̃awo dzoe. Fia ƒe vi suetɔ, Yehoahaz, koe te ŋu si." data/train/2CH/2CH_034_Verse_006.mp3,Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo gudugudu eye wòmu woƒe aƒeliwo ƒu anyi. Ewɔ nu sia le afi sia afi le Israelnyigba blibo la dzi hafi trɔ yi Yerusalem. data/train/2CH/2CH_029_Verse_026.mp3,"Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe le Yehowa, mía Mawu, ŋkume. Wogble Yehowa kple eƒe gbedoxɔ la ɖi eye wotrɔ megbe dee." data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_011.mp3,"Megblɔ na du la be, ‘Azɔ la, àvɔ̃m vavã, eye nàxɔ nye ɖɔɖɔɖo!’ Ekema womagatsrɔ̃ eƒe nɔƒe alo nye tohehe magava edzi o, gake wogatsi dzi ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu," data/train/ZEP/ZEP_002_Verse_006.mp3,"Keretitɔwo ƒe nɔƒe si le ƒuta la, azu alẽkpo kple nɔƒe na alẽkplɔlawo." data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_001.mp3,"eya ta mikpɔ nye asi nu,” Yehowae gblɔe, “elabena ŋkeke li gbɔna, matsi tsitre aɖi ɖase. Meɖoe be maƒo dukɔwo katã kple fiaɖuƒewo nu ƒu, eye makɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku helĩhelĩ ɖe wo dzi. Ale nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afia anyigba la katã." data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_004.mp3,"Le Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke sia dzi la, woƒe klosalo alo sika mate ŋu aɖe wo o.” Yehowa ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo afia xexea me katã, elabena atsrɔ̃ ame siwo katã le anyigba dzi la kpata." data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_008.mp3,"Le ɣe ma ɣi la, matu nu kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la, makpe ɖe ataŋeŋetɔwo ŋu, eye maƒo ame siwo ka hlẽ la nu ƒu. Matsɔ kafukafu kple bubu ana wo le anyigba ɖe sia ɖe si dzi wodo ŋukpe wo le." data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_011.mp3,"“Matsrɔ̃ amewo kple lãwo siaa; Matsrɔ̃ dziƒoxeviwo kple lã siwo le atsiaƒu me la hã kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo.” “Ne metsrɔ̃ amegbetɔwo katã le anyigba dzi,” Yehowae gblɔe." data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_002.mp3,"Eƒe kplɔlawo le abe dzata dɔwui si le gbe tem la ene. Woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le abe amegaxi si lé nu le zã me, eye wòɖui vɔ keŋ hafi ŋu ke la ene." data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_010.mp3,"“Maɖe konyifafa siwo nɔa miaƒe takpegbewo la ɖa le mia ŋu, elabena wonyea agba kple mokaka na mi." data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_006.mp3,"Le ŋkeke ma dzi la, mahe to na ame siwo katã tia kpo flɔa kpui siwo le trɔ̃xɔwo nu, eye woyɔa woƒe trɔ̃xɔwo me kple ŋutasesẽ kple beble.”" data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_016.mp3,"Yehowa wò Mawu la li kpli wò, kalẽtɔ si ate ŋu axɔ na wò lae wònye. Akpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋuwò, atsɔ eƒe lɔlɔ̃ afa akɔ na wò, eye wòado dzidzɔ na wò kple hadzidzi.”" data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_005.mp3,"“Le Yehowa ƒe vɔsagbea la, mahe to na Yuda ƒe dumegãwo kple fiaviŋutsuwo, kpakple ame siwo ta dutatɔwo ƒe avɔwo." data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_003.mp3,"Eƒe nyagblɔɖilawo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi, eye wonye ame vɔ̃ɖiwo. Eƒe nunɔlawo do gu kɔkɔeƒe la, eye wodo vlo Mawu ƒe seawo." data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_012.mp3,"Mesea ame aɖeke ƒe gbe o, eye melɔ̃na be woagbe nya na ye hã o. Mexɔ Yehowa dzi se o, eye metena ɖe eƒe Mawu la ŋu hã o." data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_005.mp3,"Israel ƒe ame mamlɛawo magawɔ vɔ̃ o, womada alakpa o, eye womakpɔ amebeble le woƒe nu me o. Woaɖu nu, amlɔ anyi, eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o.”" data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_004.mp3,"Gbe ma gbe la, woagblɔ na Yerusalem be, “Mègavɔ̃ o, O Zion, eye mègana wò alɔ nagbɔdzɔ o." data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_002.mp3,"Anye ŋkeke si dzi woatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoe akɔ ɖe anyi; anye hiãgbe kple xaxagbe, anye dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ̃gbe. Ŋkeke sia anye blukɔ kple vivitidogbe, afu kple tsizidogbe," data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_015.mp3,"Tso Kus tɔsisi la godo ke, nye subɔlawo kple nye ame siwo ka hlẽ la, atsɔ woƒe nunanawo vɛ nam." data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_000.mp3,"ame siwo dea ta agu le xɔwo tame hesubɔa dziƒoŋunuwo, hekpe ɖe ame siwo dea ta agu na Yehowa, gake wogakaa atam na Molek," data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_007.mp3,"Ke Yehowae nye dzɔdzɔetɔ le wo dome, eye mewɔa nu gbegblẽ aɖeke o. Ŋdi sia ŋdi la, eɖea eƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go, eye ŋkeke aɖeke medanɛ ƒu o. Gake nu vɔ̃ wɔlawo menya ŋukpe o." data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_001.mp3,"Anye aʋakpẽkugbe kple aʋaɣlidogbe, ɖe du siwo woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe kple gbetakpɔxɔ siwo le dzogoe dzi ŋu." data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_012.mp3,"Mifa avi, mi ame siwo le asiɖoƒe ƒe nutowo me, miaƒe asitsalawo katã atsrɔ̃, eye ame siwo katã dzraa klosalonuwo la hã atsrɔ̃." data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_007.mp3,"Le ɣe ma ɣi me la, masi akaɖi adi ɖekematsɔlemetɔwo le Yerusalem ahe to na wo, ame siwo le abe wain ƒe aƒe ene, eye wogblɔ le woƒe dzi me be, ‘Yehowa mawɔ naneke mí, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.’" data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_017.mp3,"Yehowa ɖe wò tohehewo ɖa, eye wòna wò futɔwo gbugbɔɖemegbe. Yehowa, Israel ƒe fia la li kpli wò, eya ta vɔ̃wɔame aɖeke mado ŋɔdzi na wò o." data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_006.mp3,"Ke magblẽ ame siwo nye ame fafawo kple ɖokuibɔbɔɖeanyilawo, ame siwo xɔ nye, Yehowa ƒe ŋkɔ dzi se la ɖe mia dome." data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_013.mp3,"Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋkume, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Yehowa dzra vɔsa ɖo, eye wòkɔ ame siwo wòkpe la hã ŋuti." data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_013.mp3,"“Metsrɔ̃ dukɔ geɖewo, megbã woƒe mɔ sesẽwo, mena woƒe ablɔwo dzi ɖi gbɔlo, eye ame aɖeke megatoa wo dzi o. Woƒe duwo gbã, eye ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ o." data/train/ZEP/ZEP_002_Verse_012.mp3,"Woaxɔ woƒe dada ƒe fetu, elabena woɖu fewu le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dukɔ ŋuti." data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_020.mp3,"“Ɣe ma ɣi la, makɔ nye amewo ƒe nuyiwo ŋu, ale wo katã woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe kple nusɔsɔe." data/train/ZEP/ZEP_002_Verse_009.mp3,"Midi Yehowa, mi anyigbadzitɔ siwo katã bɔbɔ mia ɖokui, mi ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Midi dzɔdzɔenyenye, midi ɖokuibɔbɔ; ɖewohĩ woatsyɔ nu mia dzi le Yehowa ƒe dzikuŋkeke la dzi." data/train/ZEP/ZEP_002_Verse_014.mp3,"Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, Zi ale si meli la, woatsrɔ̃ Moab kple Amon abe ale si wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora ene, eye woazu ŋuvedzeɖeƒe kple gbegbe; nye ame siwo susɔ la aha wo, eye woaxɔe le wo si.”" data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_009.mp3,"“Mahe xaxa va ameawo dzi, eye woazɔ abe ŋkugbagbãtɔwo ene, elabena woda vo ɖe Yehowa ŋu. Woƒe ʋu akɔ ɖi abe ʋuʋudedi ene, eye woƒe dɔmenuwo akaka abe gbeɖuɖɔ ene." data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_008.mp3,"“Mado nye asi ɖe Yuda kple ame siwo katã le Yerusalem la gbɔ. Maɖe nu siwo katã susɔ na Baal la ɖa le teƒe sia; maɖe trɔ̃nuawo kple nunɔla siwo gasubɔa trɔ̃ hã ƒe ŋkɔwo ɖa," data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_016.mp3,"Yehowa be: “Le ŋkeke ma dzi la, avifafa aɖi tso Tɔmelãgbo la nu, asiƒunu aɖi tso dua ƒe akpa evelia, eye howɔwɔ gã aɖe aɖi tso togbɛwo dzi." data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_015.mp3,"Woava ha woƒe kesinɔnu gbogboawo adzoe, woagbã woƒe aƒewo, woatso aƒewo, ke womanɔ wo me o, woade waingblewo, ke womano wain tso wo me o.”" data/train/ZEP/ZEP_002_Verse_001.mp3,"Baba na mi Keretitɔwo, mi ame siwo le ƒuta; O Kanaan, Filistitɔwo ƒe anyigba, Yehowa tsɔ nya ɖe mia ŋu be, “Matsrɔ̃ mi keŋkeŋkeŋ, eye ame aɖeke masusɔ o.”" data/train/ZEP/ZEP_001_Verse_003.mp3,"kple ame siwo trɔ le Yehowa yome, eye womedinɛ alo biaa eta sena o la siaa ŋu.”" data/train/ZEP/ZEP_002_Verse_013.mp3,"Yehowa ana nu vɔ̃ɖi geɖe nava wo dzi. Atsrɔ̃ woƒe mawuwo katã kple woƒe ŋusẽ ɖa, eye ame sia ame asubɔe le eƒe anyigba dzi le xexea me godoo." data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_009.mp3,"Le ɣe ma ɣi la, ŋu magakpe mi le miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ ɖe ŋunye la ta o, elabena maɖe ame siwo katã kpɔa dzidzɔ le ɖokuidodoɖedzi ŋuti la ɖa le dua me, ale be dadala aɖeke maganɔ nye to kɔkɔe la dzi o." data/train/ZEP/ZEP_003_Verse_019.mp3,"Ɣe ma yi la, maƒo mia nu ƒu; ɣe ma yi me la, makplɔ mi va aƒee. Matsɔ bubu kple kafukafu ana mi le anyigbadzidukɔwo katã dome, nenye be megbugbɔ mi ɖo te le miawo ŋutɔ ƒe ŋkuwo me.” Yehowae gblɔe." data/train/JON/JON_004_Verse_001.mp3,"Edo gbe ɖa na Yehowa be, “O Yehowa, ɖe menye esiae megblɔ esi mele mía dedu me oa? Esia ta le gɔmedzedzea me la, mesi ɖo ta Tarsis, elabena menya be Mawu, amenuvela kple nublanuikpɔlae nènye. Ègbɔa dzi blewu; lɔlɔ̃ matrɔ bɔ ɖe asiwò, eye nètsɔa nu vɔ̃wo kena." data/train/JON/JON_004_Verse_003.mp3,"Esi ɣe dze la, Mawu na ŋdɔ sesẽ la kplɔ ɣedzeƒeya xɔdzo aɖe va ƒo ɖe Yona dzi va se ɖe esime nu te eŋu vevie, eye wòbia be yeaku, elabena egblɔ be, “Enyo nam be maku wu manɔ agbe.”" data/train/JON/JON_002_Verse_000.mp3,"Ale megblɔ be, ‘O Yehowa, ènyam ɖa le wò ŋkume. Ke hã la, magatrɔ mo ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ.’" data/train/JON/JON_003_Verse_007.mp3,"“Yi ɖe Ninive, du gã ma me, eye nàɖe gbeƒã nya siwo megblɔ na wò la na wo.”" data/train/JON/JON_003_Verse_008.mp3,"Yona ge ɖe du la me hezɔ ŋkeke ɖeka nɔ gbeƒã ɖem be, “Esusɔ ŋkeke blaene ne woagbã Ninive du la!”" data/train/JON/JON_004_Verse_002.mp3,"ekema nu ka ta nyemakpɔ nublanui na du gã xɔŋkɔ abe Ninive ene, du si me ame akpe alafa ɖeka kple blaeve siwo menya woƒe ɖusi tso woƒe mia gbɔ o la le kpe ɖe woƒe lã gbogboawo ŋu o ɖo?”" data/train/JON/JON_002_Verse_008.mp3,"Tsi la tsyɔ dzinye, tɔ goglo la ƒo xlãm, eye ƒumegbewo bliba ta nam." data/train/JON/JON_003_Verse_005.mp3,"Ke esi Mawu kpɔ be woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋuti la, eɖe asi le ɖoɖo si wòwɔ be yeatsrɔ̃ wo la ŋu, eye wòtsɔe ke wo." data/train/JON/JON_002_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa ɖe gbe na ƒumelã la, eye wòyi ɖatu Yona ɖe anyigba ƒuƒui dzi." data/train/JON/JON_001_Verse_017.mp3,"Ʋukulawo dze agbagba be woaku ʋu la ava gota, gake gbeɖe; womete ŋui o, elabena ƒutsotsoeawo gadze agbo ɖe edzi wu tsã." data/train/JON/JON_001_Verse_004.mp3,"Esi ʋu la dze mɔ yina sẽe ko la, Yehowa dɔ yaƒoƒo sesẽ aɖe ɖa si na be ahom dziŋɔ aɖe tu. Meli la ʋuʋu heyeheye henɔ didim be yeanyrɔ." data/train/JON/JON_001_Verse_000.mp3,"Ale wo katã wobia gbee zi ɖeka be, “Nu ka nèwɔ, be nèhe ahom sia va mía dzi? Dɔ ka nèwɔna? Dukɔ ka me nètso? Gbe ka gblɔlae nènye?”" data/train/JON/JON_001_Verse_005.mp3,"Ke nya sia na Yona si le Yehowa nu heɖo ta Tarsis. Eyi ƒutadu aɖe si woyɔna be Yopa la me, eye esi wòyi ɖe melidzeƒe si le afi ma la, ekpɔ meli aɖe si nɔ mɔ dzem yina ɖe Tarsis. Exe ʋuɖofe enumake, eye wòɖo ʋu la hege ɖe meli la ƒe globoeƒe aɖe be yeasi le Yehowa gbɔ." data/train/JON/JON_001_Verse_012.mp3,"Yona gblɔ na wo be, “Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me ekema ahom la nu atso. Elabena menya be tanye ahom la le tutum ɖo.”" data/train/JON/JON_003_Verse_000.mp3,"Ale Yona ɖo to Yehowa ƒe gbe azɔ, eye wòyi Ninive. Ninive nye du gã aɖe si woatsɔ ŋkeke etɔ̃ hafi azɔ ato eme." data/train/JON/JON_004_Verse_004.mp3,"Eya ta Yehowa, meɖe kuku ɖe nye agbe ɖa; enyo nam be maku wu be manɔ agbe.”" data/train/JON/JON_001_Verse_014.mp3,"Yona ɖo eŋu na wo be, “Hebritɔwoe menye, eye mesubɔa Yehowa, Dziƒo Mawu la, ame si wɔ atsiaƒu kple anyigba.”" data/train/JON/JON_001_Verse_011.mp3,"“Yi ɖe Ninive, du gã la me, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, elabena woƒe ŋutasẽse va ɖo gbɔnye.”" data/train/JON/JON_003_Verse_009.mp3,"Ɖewohĩ, Mawu ate ŋu aɖo be míatsi agbe, eye wòaɖo asi eƒe dziku helĩhelĩ la dzi be wòagatsrɔ̃ mí o.”" data/train/JON/JON_001_Verse_001.mp3,"Ale wodo gbe ɖa na Yehowa be, “O Yehowa, mègabia hlɔ̃ mi ɖe ame sia ƒe agbe ta o. Mègabu fɔ mí be míekɔ ʋu maɖifɔ ɖi o, elabena, O Yehowa, wòe wɔ nu si dze ŋuwò.”" data/train/JON/JON_002_Verse_006.mp3,"“Le nye xaxa gã me, medo ɣli na Yehowa, eye wòɖo tom. Meyɔe le aʋlime ke, eye Yehowa se nye kokoƒoƒo!" data/train/JON/JON_004_Verse_008.mp3,"Yehowa gblɔ nɛ be, “Esi ati si dzi mèkpɔ wòtsi o, eya ŋutɔe mie le zã ɖeka me, eye wòku le zã ɖeka me la ƒe ku le vewòm ale ɖe," data/train/JON/JON_004_Verse_010.mp3,"Yehowa trɔ biae be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe ɖe nu sia ta?”" data/train/JON/JON_004_Verse_007.mp3,"Mawu gblɔ na Yona be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe esi ati la kua?” Yona ɖo eŋu be, “Ɛ̃, tɔnye dzɔ be mado dɔmedzoe va se ɖe esime maku!”" data/train/JON/JON_001_Verse_006.mp3,"Meli la ƒe amegã yi ɖe afi si wònɔ la, eye wòdo ɣli ɖe eta be, “Nu ka! Alɔ̃ dɔm wò ya nèle le ɣeyiɣi sia mea? Tso kaba nàyɔ wò mawu, ɖewohĩ akpɔ nublanui na mí tso ahom la me!”" data/train/JON/JON_003_Verse_001.mp3,"Ame siwo le Ninive dua me la xɔ Mawu dzi se; woɖe gbeƒã nutsitsidɔ, eye ame sia ame, tsitsiawo kple ɖeviwo siaa ta akpanya." data/train/JON/JON_002_Verse_003.mp3,"Ekɔm ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke; meyi to, ƒu dzeagbo la ŋe tsyɔ dzinye, eye ƒutsotsoe sesẽwo si to dzinye." data/train/JON/JON_001_Verse_002.mp3,"Ale wolé Yona, kɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me, eye ƒu dzeagbo la dze akɔ anyi enumake." data/train/JON/JON_002_Verse_007.mp3,"Meyi to ɖe to kɔkɔ siwo le ƒua me la ƒe agu nu ke. Wotu agbe ƒe mɔ ɖe nunye eye wode gam ɖe ku ƒe anyigba dzi. Gake wò Yehowa, nye Mawu, èɖem tso ku ƒe asi me!" data/train/JON/JON_003_Verse_004.mp3,"Fia la na woɖe gbeƒã le Ninive dua me be: “Fia kple eƒe dumegãwo de se be: “Amegbetɔ alo lã, nyi alo alẽ aɖeke maɖu nu o. Womana nuɖuɖu alo tsi wo o." data/train/JON/JON_001_Verse_003.mp3,"Azɔ melikulawo gblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míadzidze nu, akpɔe ɖa be ame kae na dzɔgbevɔ̃e sia va mía dzi mahã.” Ale wodzidze nu, eye wòdze Yona dzi." data/train/JON/JON_002_Verse_002.mp3,“Ame siwo subɔa alakpamawuwo la bua Yehowa ƒe amenuveve si anye wo tɔ! data/train/JON/JON_002_Verse_004.mp3,"“Esi nye agbe nu le tsotsom la, meda nye susuwo ɖe dziwò, Yehowa, eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me." data/train/JON/JON_001_Verse_016.mp3,"Ƒutsotsoeawo gale agbo dzem ɖe edzi, eya ta wobiae be, “Nu ka míawɔ wò be ƒu la nadze akɔ anyi?”" data/train/JON/JON_002_Verse_005.mp3,"Ke nye la, matsɔ akpedaha asa vɔe na wò, eye maxe nye adzɔgbeɖefe na wò, elabena Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona.”" data/train/JON/JON_003_Verse_003.mp3,"Esi Ninive fia se Yona ƒe mawunya la, eɖi le eƒe fiazikpui dzi, ɖe eƒe fiawuwo da ɖi, eye wòta akpanya henɔ anyi ɖe dzofi me." data/train/JON/JON_004_Verse_009.mp3,"Yehowa, Mawu na yevukutsati mie heɖo vɔvɔli ɖe Yona tame be wòatsi ŋudɔɖuame la nu. Yona kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le yevukutsati la ŋuti." data/train/JON/JON_001_Verse_008.mp3,"Nya sia sese na wovɔ̃, eye wobiae be, “Nu ka nèwɔ?” Elabena ameawo nya be ɖe wònɔ sisim le Yehowa nu, elabena egblɔe na wo do ŋgɔ." data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_018.mp3,Yehowa gaɖe gbede ene fiam. data/train/ZEC/ZEC_003_Verse_000.mp3,"“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Ne àzɔ le nye mɔwo dzi, alé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, ekema maɖo wò nye gbedoxɔ nu, ànye nye aƒedzikpɔla, eye mana nɔƒe wò ɖe ame siwo le tsitre ɖe afi sia la dome." data/train/ZEC/ZEC_009_Verse_004.mp3,"Axɔ tasiaɖamwo le Efraim si kple aʋawɔsɔwo le Yerusalem si, eye wòaŋe woƒe aʋawɔdatiwo. Aɖe gbeƒã ŋutifafa na dukɔwo, eƒe fiaɖuƒe akeke tso ƒuta ayi ƒuta, tso tɔsisi la nu ayi anyigba ƒe seƒewo ke." data/train/ZEC/ZEC_002_Verse_000.mp3,"“Dukɔ geɖewo ava ƒo ƒu ɖe Yehowa ŋu gbe ma gbe, eye woanye nye amewo. Manɔ mia dome eye mianya be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ." data/train/ZEC/ZEC_005_Verse_002.mp3,"Eɖo eŋu nam be, “Wokɔe yina ɖe Babilonia, afi si woatu xɔ ɖo nɛ. Ne wotu xɔ la nɛ vɔ la, woakɔ kusi la ada ɖe enɔƒe le afi ma.”" data/train/ZEC/ZEC_009_Verse_000.mp3,"Aleke woahanyo eye woahadze anii! Bli ana ɖekakpuiawo natsi nyuie, eye wain yeye ana ɖetugbiawo hã natsi nyuie." data/train/ZEC/ZEC_010_Verse_006.mp3,"Mana dzesi wo, eye maƒo wo nu ƒu, maɖe wo vavã, eye woagasɔ gbɔ abe tsã ene." data/train/ZEC/ZEC_007_Verse_009.mp3,"Tete Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbe va nam be," data/train/ZEC/ZEC_004_Verse_012.mp3,"Tete Yehowa ƒe gbe va nam be," data/train/ZEC/ZEC_011_Verse_001.mp3,"Ale nye ŋutɔ mekplɔ alẽha si woɖo ɖi na wuwu, vevietɔ wo dometɔ siwo wote ɖe anyi. Metsɔ atizɔti eve, meyɔ ɖeka be Dɔmefafa, evelia be Ɖekawɔwɔ, eye mekpɔ alẽha la ta." data/train/ZEC/ZEC_009_Verse_002.mp3,"Askelon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe. Gaza aŋe kple vevesese. Nenema kee nye Ekron hã, elabena eƒe mɔkpɔkpɔ abu ɖee. Woawu Gaza fia, eye Askelon azu aƒedo." data/train/ZEC/ZEC_009_Verse_009.mp3,"Mabɔ Yuda abe ale si mebɔa nye da ene, eye matsɔ Efraim awɔ datii ayɔ eme fũu. O Zion, manyɔ viwò ŋutsuwo, ɖe Griktɔwo ŋu, eye mawɔ wò abe aʋawɔla ƒe yi ene." data/train/ZEC/ZEC_012_Verse_010.mp3,"“Makɔ amenuveve kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo dzi. Woakpɔ nye, ame si wotɔ nui la dzi, woafa nɛ abe ale si wofana na vi ɖeka hɔ̃ɔ si ku la ene, eye woafa nɛ vevie abe ŋgɔgbevi si ku la ene." data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_000.mp3,"Afi ka mia fofowo le fifia, eye ɖe nyagblɔɖilawo nɔa agbe tegbea?" data/train/ZEC/ZEC_007_Verse_008.mp3,"Migate ahosiwo alo tsyɔ̃eviwo, amedzrowo alo ame dahewo ɖe anyi o. Migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe mia nɔewo ŋu o.’" data/train/ZEC/ZEC_011_Verse_007.mp3,"Megblɔ be, “Nyemaganye miaƒe kplɔla o. Ame siwo le kukum la neku, eye ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la netsrɔ̃. Ame siwo susɔ la nelé wo nɔewo ɖu.”" data/train/ZEC/ZEC_010_Verse_010.mp3,"Wo katã woabɔ asaɖa abe ŋutsu kalẽtɔ siwo le zɔzɔm le bamɔtatawo dzi le aʋagbedzi ene, elabena Yehowa li kpli wo, woawɔ aʋa, aɖu sɔdolawo dzi." data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_003.mp3,"Anyigba blibo la, tso Geba yi Rimon le Yerusalem ƒe dziehe, anɔ abe Araba ene. Ke woakɔ Yerusalem ɖe dzi, eye wòanɔ eteƒe tso Benyamingbo la nu yi ɖe Agbo Gbãtɔ nu, yi ɖe Dzogoegbo la nu, eye tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe fiawo ƒe wainfiaƒe." data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_002.mp3,"Anye ŋkeke tɔxɛ, elabena ŋkeke alo zã manɔ anyi o. Yehowa koe nya ŋkeke sia. Ne zã do la, kekeli ava." data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Ame geɖewo kple ame siwo tso du geɖewo me le mɔ dzi gbɔna," data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_010.mp3,"Gbe ma gbe la, atsi tsitre ɖe Amito si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe la dzi, eye Amito la ama ɖe eve kpla, ɖeka ayi ɣedzeƒe, evelia ayi ɣetoɖoƒe. Bali gã aɖe anɔ wo dome ale be to la ƒe afã ayi anyiehe, eye afã ayi dziehe." data/train/ZEC/ZEC_004_Verse_009.mp3,"Mebia mawudɔla si ƒo nu kplim la be, “Nu kawoe nye esiawo, nye aƒetɔ?”" data/train/ZEC/ZEC_004_Verse_002.mp3,"Amiti eve le axawo dzi nɛ; ɖeka le ɖusime, evelia le miame.”" data/train/ZEC/ZEC_009_Verse_001.mp3,"Amedzrowo ava xɔ Asdod, eye maɖe Filistitɔwo ƒe dada la ɖa." data/train/ZEC/ZEC_010_Verse_000.mp3,"Dzogoedzikpe atso Yuda ava, eye tsyoti, dati siwo ŋu dɔ wowɔna le aʋa me kple dziɖula ɖe sia ɖe atso Yuda ava." data/train/ZEC/ZEC_007_Verse_005.mp3,"‘Mekaka wo kple yali ɖe dukɔwo katã dome, afi si wozu amedzrowo le. Woƒe anyigba si wogblẽ ɖe megbea la zu aƒedo, afi si ame aɖeke mate ŋu ayi o. Aleae wowɔ anyigba nyui la wòzu gbegbe nye esi.’ ”" data/train/ZEC/ZEC_011_Verse_011.mp3,"Miɖo to alẽkplɔlawo ƒe avifafa, elabena woƒe lãnyiƒe damawo tsrɔ̃. Miɖo to dzatawo ƒe xɔxlɔ̃, elabena Yɔdan ƒe ave damawo tsrɔ̃!”" data/train/ZEC/ZEC_006_Verse_010.mp3,"Tasiaɖam si ŋuti sɔ yibɔwo le la aɖo ta dukɔ si le anyiehe, esi ŋuti sɔ ɣiwo le la ayi ɣetoɖoƒe, eye esi ŋuti wotsi sɔ ŋɔŋɔewo ɖo la ayi dziehe.”" data/train/ZEC/ZEC_003_Verse_002.mp3,"“ ‘Gbe ma gbe la, mia dometɔ ɖe sia ɖe akpe ehavi be wòava nɔ eƒe wainka kple gboti te.’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”" data/train/ZEC/ZEC_005_Verse_000.mp3,"Azɔ mekpɔ nyɔnu eve siwo dzo gbɔna ɖe gbɔnye, woƒe aʋalawo le abe damixetɔwo ene, eye wova kɔ kusi gã la hedzo kplii yi ɖe dziƒo ʋĩi." data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_000.mp3,"Ale amewo kple dukɔ siwo ŋu ŋusẽ le la ava Yerusalem be yewoadi Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, eye woaƒo koko nɛ.”" data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_005.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Mi ame siwo le nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la sem, ame siwo nɔ anyi hafi woɖo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi, mido ŋusẽ nu be miawu gbedoxɔ la tutu nu." data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_017.mp3,"Nuɖaze ɖe sia ɖe si le Yerusalem kple Yuda la anɔ kɔkɔe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, eye ame siwo katã va vɔsaƒe la atsɔ nuɖaze aɖewo aɖa nu le wo me, eye gbe ma gbe la, Kanaantɔ aɖeke maganɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me o." data/train/ZEC/ZEC_009_Verse_006.mp3,"eye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la atsɔ akpoxɔnu atsyɔ wo dzi. Woagblẽ nu, eye woatsɔ kpe ade aŋetu me atsɔ aɖu wo dzii. Woano woawo ŋutɔ ƒe ʋu abe wain ene, wòayɔ woƒe ƒodo fũu abe agba ene, eye wòaƒo wo bekee abe ale si wokɔa wain ɖe vɔsamlekpui ƒe dzogoewo dzi ene." data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_014.mp3,"Hafi ɣe ma ɣi naɖo la, womexea fe na amewo alo lãwo o. Ame aɖeke mate ŋu ado go, ayi eƒe dɔwɔƒe le dedinɔnɔ me o ɖe eƒe futɔwo ta, elabena mena ame sia ame tso ɖe ehavi ŋuti." data/train/ZEC/ZEC_012_Verse_009.mp3,"Gbe ma gbe ne dukɔ siwo katã le anyigba dzi ƒo ƒu ɖe eŋuti la, mawɔ Yerusalem wòanye agakpe si meʋãna o la na dukɔwo. Ame siwo katã adi be yewoamli agakpe sia la axɔ abi." data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_012.mp3,"Esiawoe nye nu siwo miawɔ: mito nyateƒe na mia haviwo, mitso afia si le eteƒe, eye wòle dzɔdzɔe la le miaƒe ʋɔnuwo." data/train/ZEC/ZEC_006_Verse_012.mp3,"Woatsɔ fiakuku la na Heldai, Tobiya Yedaia kple Hen, Zefania ƒe vi, abe ŋkuɖodzinu ene le Yehowa ƒe gbedoxɔ me." data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_014.mp3,"Miasi ato nye to la ƒe balime, elabena akeke va se ɖe keke Azel. Miasi abe ale si miesi le Yuda fia Uzia ƒe ŋkekewo me esime anyigba ʋuʋu la ene. Ekema Yehowa, nye Mawu la ava, eye kɔkɔetɔwo katã anɔ eŋu." data/train/ZEC/ZEC_002_Verse_008.mp3,"Nye la, makɔ nye asi dzi ɖe wo ŋuti kokoko, ale woƒe kluviwo aha wo. Ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm." data/train/ZEC/ZEC_009_Verse_008.mp3,"Ke Yehowa axɔ kesinɔnuwo le esi, akaka eƒe tɔdziʋuwo kple wo me nɔlawo ƒe ŋusẽ, eye dzo ava fiae ƒioƒioƒio." data/train/ZEC/ZEC_011_Verse_006.mp3,"Le ɣleti ɖeka me la, meɖe alẽkplɔla etɔ̃ katã ɖa. Alẽha la lé fum, eye woƒe nu ti kɔ nam." data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_006.mp3,"Ke ɖe nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla, nyagblɔɖilawo la meva mia fofowo dzi oa? “Le esia ta la, wotrɔ dzi me gblɔ be, ‘Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la wɔ na mí ɖe míaƒe mɔwo kple wɔnawo nu abe ale si wòɖoe be yeawɔ ene.’ ”" data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_011.mp3,"Mebia mawudɔla la be “Nu kawoe nye esiawo?” Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda, Israel kple Yerusalem.”" data/train/ZEC/ZEC_003_Verse_009.mp3,"Yehowa ƒe dɔla la de se sia na Yosua," data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_004.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Maɖe nye amewo tso dukɔ siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe la ƒe asi me." data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_021.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Ɣe ma ɣi la, adze nu si wɔ nuku na ame ʋɛ siwo susɔ, ke nye ya la, ɖe wòawɔ nuku nama?”" data/train/ZEC/ZEC_007_Verse_010.mp3,"to nunɔlawo kple nyagblɔɖila siwo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me la dzi be, “Ɖe wòhiã be mafa avi, atsi nu adɔ le ɣleti atɔ̃lia me abe ale si mewɔnɛ ƒe geɖe siwo va yi la enea?”" data/train/ZEC/ZEC_011_Verse_010.mp3,"Mifa avi, O logotiwo elabena sedati mu dze anyi, ati gãwo tsrɔ̃! Mi ati sesẽ siwo le Basan, mifa avi, elabena wolã avetsuawo ƒu anyi!" data/train/ZEC/ZEC_006_Verse_005.mp3,"Mawudɔla la yɔm gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, esiwo yi anyiehenyigba dzi la, wotsi nye dɔmedzoe nu le anyiehenyigba la dzi.”" data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_013.mp3,"eye amewo atso du ɖeka me ayi du bubu me ahagblɔ be, ‘Mina míatso zi ɖeka, míayi aɖaɖe kuku na Yehowa, eye míadi Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la. Nye la, medze mɔ yina.’" data/train/ZEC/ZEC_004_Verse_006.mp3,"Mawudɔla la trɔ biam be, “Vavã, mènya nu si nu siawo nye oa?” Meɖo eŋu be, “Ao, nye Aƒetɔ.”" data/train/ZEC/ZEC_012_Verse_008.mp3,"Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ akpoxɔnu atsyɔ Yerusalem nɔlawo dzi, ale be ame gblɔetɔ kekeake si le wo dome la anɔ abe David ene, eye David ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, anɔ abe Yehowa ƒe dɔla si dze ŋgɔ na wo la ene." data/train/ZEC/ZEC_012_Verse_004.mp3,"Gbe ma gbe la, avi aɖi hoo le Yerusalem abe ale si Hadad Rimon fa avi vevie le Megido ƒe balime ene." data/train/ZEC/ZEC_004_Verse_003.mp3,"Ebiam be, “Azɔ la, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be, “Mele sikakaɖiti si dzi wotsɔ agba da ɖo, eye akaɖi adre le agba sia tame, alɔ adre siwo me do le la to akaɖiti ɖe sia ɖe me ge ɖe agba la me." data/train/ZEC/ZEC_011_Verse_013.mp3,"Wo ƒlelawo wua wo yakatsyɔ, eye ame aɖeke mehea to na wo o. Ame siwo dzra wo la hã gblɔ be, ‘Mikafu Yehowa elabena mezu kesinɔtɔ!’ Woƒe kplɔlawo ŋutɔ gɔ̃ hã mekpɔa wo ta o," data/train/ZEC/ZEC_002_Verse_004.mp3,"Mawudɔla si zɔ va kpee la gblɔ nɛ be, “Ƒu du nàgblɔ na ɖekakpui sia be, ŋkeke li gbɔna esi amewo ayɔ Yerusalem ale gbegbe be womakpɔ nɔƒe na ame sia ame kple woƒe lãhawo o." data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_015.mp3,"Ne ame siwo le anyigba la dzi dometɔ aɖe meyi ɖe Yerusalem ɖasubɔ Fia si nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la o la, tsi madza na wo o." data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_016.mp3,"Makplɔ wo agbɔe be woava nɔ Yerusalem. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me.”" data/train/ZEC/ZEC_003_Verse_004.mp3,"Le ŋutega bubu me la, Yehowa ɖe Yosua, nunɔlagã la fiam, wònɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe dɔla la gbɔ, evɔ Satana hã nɔ afi ma nɔ tsitre ɖe mawudɔla la ƒe nuɖusime nɔ Yosua nu tsom." data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_003.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Le ŋkeke mawo me la, ŋutsu ewo atso gbegbɔgblɔwo kple dukɔ bubuwo me alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu to ahagblɔ be, ‘Na míayi kpli wò, elabena míese be Mawu li kpli mi.’ ”" data/train/ZEC/ZEC_009_Verse_017.mp3,"Ɖe nu si mebla kpli wò, tre enu kple ʋu ta la, maɖe wò tso ku me, be màgaku ɖe do globo ƒuƒui la me o." data/train/ZEC/ZEC_007_Verse_001.mp3,"Ame siwo le Betel la dɔ Sarezer, Regen Melek kple wo ŋutimewo be woaɖe kuku na Yehowa" data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_019.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Meʋã ŋu ɖe Zion nu vevie, eye medo dɔmedzoe, ʋã ŋu ɖe enu vevie.”" data/train/ZEC/ZEC_002_Verse_007.mp3,"“ ‘Miva! Miva! Misi tso anyiehenyigba dzi,’ Yehowae gblɔe, elabena mekaka mi de dziƒowo ƒe ya eneawo katã dzi!” Yehowae gblɔe." data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_017.mp3,"Mègaɖo vɔ̃ ɖe hawòvi ŋuti o, eye atam dzodzro kaka megado dzidzɔ na wò o, elabena metsri nu siawo.” Yehowae gblɔe." data/train/ZEC/ZEC_004_Verse_010.mp3,"Megabia be, “Nu kawoe nye amiti ƒe alɔdze eve siwo le sika ƒe alɔ siwo me sikami dona tsona?”" data/train/ZEC/ZEC_004_Verse_011.mp3,"“Nu ka nènye, O, to si ŋu ŋusẽ le? Àzu anyigba sɔsɔe le Zerubabel ŋkume, ahe tamekpe la ado goe ne ɣli le ɖiɖim be, ‘Mawu neyrae! Mawu neyrae!’ ”" data/train/ZEC/ZEC_003_Verse_008.mp3,"Yehowa gblɔ na Satana be, “Yehowa ka mo na wò, Satana! Yehowa, ame si tia Yerusalem la ka mo na wò! Ɖe ame sia mele abe dzoti bibi si woɖe le dzo me la ene oa?”" data/train/ZEC/ZEC_002_Verse_003.mp3,"Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la dzo le gbɔnye, eye mawudɔla bubu zɔ va kpee." data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_018.mp3,"“nenema azɔ, meɖoe kplikpaa be magawɔ nyui na Yerusalem kple Yuda, eya ta migavɔ̃ o." data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_008.mp3,"Gbe ma gbe la, agbetsi asi tso Yerusalem, afã asi ayi ɖe ɣedzeƒeƒu la me, eye afã asi ayi ɣetoɖoƒeƒu la me. Anɔ alea le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa." data/train/ZEC/ZEC_011_Verse_009.mp3,"Metu nubabla la gbe ma gbe, eye ame siwo nu ti kɔ na le alẽhawo me, esi wole kpɔyem la, nyae be enye Yehowa ƒe nya." data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_003.mp3,"“Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu kple nublanuikpɔkpɔ. Le afi ma, woagbugbɔ nye xɔ la atu, eye woatsɔ nudzidzeka aɖo Yerusalem katã ŋuti.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/ZEC/ZEC_009_Verse_010.mp3,"Maɖe ʋu ɖa le woƒe nuwo me kple nuɖuɖu si wotsri na wo la le woƒe aɖutame. Ame siwo susɔ la anye míaƒe Mawu la tɔ, woazu kplɔlawo le Yuda, eye Ekron anɔ abe Yebusitɔwo ene." data/train/ZEC/ZEC_006_Verse_011.mp3,"Tsɔ klosalo kple sika la nàwɔ fiakuku, eye nàtsɔe aɖɔ na nunɔlagã Yosua, Yehozadak ƒe vi." data/train/ZEC/ZEC_012_Verse_005.mp3,"Gbe ma gbe la, made vɔvɔ̃ sɔ ɖe sia ɖe me, eye matsɔ tsukuku ada ɖe wo dolawo dzi.” Yehowae gblɔe. “Nye ŋkuwo anɔ Yuda ƒe aƒe la ŋuti ɖaa, ke magbã ŋku na dukɔwo ƒe sɔwo." data/train/ZEC/ZEC_002_Verse_005.mp3,"Mebiae be, “Afi ka yim nèle?” Eɖo eŋu be, “Meyina be madzidze Yerusalem, ne makpɔ eƒe kekeme kple eƒe didime.”" data/train/ZEC/ZEC_006_Verse_013.mp3,"“Xɔ klosalo kple sika le Heldai, Tobiya kple Yedaia, ame siwo gbɔ tso aboyome le Babilonia la si. Yi ɖe Zefania, Yosia ƒe vi hã ƒe aƒe me gbe ma gbe ke." data/train/ZEC/ZEC_012_Verse_007.mp3,"“Gbe ma gbe la, mawɔ Yuda ƒe kplɔlawo woanɔ abe dzoɖenu le nake si woƒo kɔe la dzi ene. Woanɔ abe akakati bibi le gbe ƒuƒuwo dome ene. Woabi ame siwo ƒo xlã wo, ɖusime kple miame siaa, ke Yerusalem ya anɔ te sesĩe." data/train/ZEC/ZEC_006_Verse_003.mp3,"Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye gbɔgbɔ ene siwo tso dziƒo, wonɔa anyigba la ƒe Aƒetɔ ŋkume ɖaa; ke azɔ la, edɔ wo ɖe dɔgbe." data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_010.mp3,"Esi mienye ɖiŋudonu le dukɔwo dome ta la, O! Yuda kple Israel, maɖe mi, eye mianye yayra. Migavɔ̃ o, mido ŋusẽ miaƒe alɔwo.”" data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_011.mp3,"Gbe ma gbe la, woaŋlɔ ɖe gavi siwo wode kɔ na sɔwo la dzi be, “Èle kɔkɔe na Yehowa,” eye nuɖaze siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la anɔ abe agba kɔkɔe siwo le vɔsamlekpui la ƒe ŋkume ene." data/train/ZEC/ZEC_005_Verse_003.mp3,"Kasia nutunu gã si le kusi la nu la fɔ dzi, eye mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe kusi la me!" data/train/ZEC/ZEC_006_Verse_009.mp3,"Sɔ ɣiwo le tasiaɖam etɔ̃lia hem, eye sɔ ŋɔŋɔewo le tasiaɖam enelia hem kple ŋusẽ." data/train/ZEC/ZEC_009_Verse_014.mp3,"Yehowa, woƒe Mawu la aɖe wo gbe ma gbe abe ame siwo nye eƒe alẽhawo ene. Woaklẽ le eƒe anyigba la dzi abe adzagba le fiakuku ŋu ene." data/train/ZEC/ZEC_011_Verse_004.mp3,"elabena mele alẽkplɔla aɖe ɖo ge ɖe anyigba la nu si makpɔ alẽ bubuwo ta alo adi alẽviwo alo abla abi na esiwo xɔ abi alo adi nuɖuɖu na esiwo le sesĩe la o, ke boŋ aɖu alẽ nyuitɔwo ƒe lã, eye wòavuvu woƒe afɔkliwo." data/train/ZEC/ZEC_010_Verse_004.mp3,"“Mado ŋusẽ Yuda ƒe aƒe, eye maɖe Yosef ƒe aƒe, magbugbɔ wo agaɖo te, elabena mekpɔ nublanui na wo. Woanɔ abe ɖe nyemegbe nu le wo gbɔ kpɔ o ene, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la, eye matɔ na wo." data/train/ZEC/ZEC_006_Verse_004.mp3,"Gblɔ nɛ be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi. Esiae nye ŋutsu si ƒe ŋkɔe nye Atilɔ, adze tso enɔƒe, eye wòatu Yehowa ƒe gbedoxɔ." data/train/ZEC/ZEC_005_Verse_005.mp3,"Mawudɔla la gblɔ be, “Esiae nye vɔ̃ɖinyenye,” eye wotutui gade kusi la me hetsɔ nutunu gã la tu enu." data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_006.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nutsitsidɔ siwo miewɔna le ɣleti enelia, atɔ̃lia, adrelia kple ewolia me la, anye dzidzɔ kple aseyetsotso ƒe azãwo na Yuda, eya ta milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa.”" data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_001.mp3,"Amewo anɔ eme, eye womagagbãe azɔ o. Dedinɔnɔ anɔ Yerusalem ɖaa." data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_020.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Ŋutifafa kple dzidzeme agava Yerusalem hena ƒe geɖewo, ale be woagakpɔ amegãɖeɖiwo kple nyagãɖeɖiwo woalé kpo ɖe asi, anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ le ablɔ dzi abe tsã ene." data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_015.mp3,"Tete mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la gblɔ be, “Ɖe gbeƒã nya sia: ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Meʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu ŋutɔ," data/train/ZEC/ZEC_011_Verse_014.mp3,"Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ alẽkplɔla tsibome ƒe lãkplɔnu," data/train/ZEC/ZEC_009_Verse_012.mp3,"Tiro tu mɔ sesẽ na eɖokui, eli kɔ klosalo abe ʋuʋudedi ene, eye nenema ke sika bɔ abe ke si le mɔdodo dzi ene." data/train/ZEC/ZEC_002_Verse_010.mp3,"“O, Zion vinyɔnu, tso aseye nàkpɔ dzidzɔ, elabena megbɔna be manɔ dowòme.” Yehowae gblɔe." data/train/ZEC/ZEC_003_Verse_007.mp3,"Tete megblɔ be, “Mitsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ.” Ale wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wotsɔ awu do nɛ esi Yehowa ƒe dɔla la nɔ tsitre." data/train/ZEC/ZEC_007_Verse_002.mp3,"“Bia ame siwo katã le anyigba la dzi kple Osɔfoawo be, ‘Esi mietsi nu dɔ, fa avi le ɣleti atɔ̃lia kple adrelia me le ƒe blaadre siwo va yi me la, nyee mietsi nua dɔ na vavã?" data/train/ZEC/ZEC_010_Verse_007.mp3,"Mibia Yehowa wòana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, elabena Yehowae nana tsi ɖona. Enana tsi dzana na amewo, eye wònana nukuwo miena ɖe bo dzi na ame sia ame." data/train/ZEC/ZEC_011_Verse_008.mp3,"Megblɔ na wo be, “Ne edze mia ŋu la, ekema mixe nye fe nam, gake ne medze mia ŋu o la, mitsɔe.” Ale woxe klosaloga blaetɔ̃ nam." data/train/ZEC/ZEC_010_Verse_008.mp3,"“Nye dɔmedzoe bi ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mahe to na kplɔlawo, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la akpɔ Yuda ƒe aƒe, eƒe alẽha la ta, eye wòawɔ wo woanɔ abe sɔ si ŋu ŋusẽ le le aʋagbedzi ene." data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_010.mp3,"Mebia be, “Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?” Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la ɖo eŋu nam be, “Mafia nu si wonye la wò.”" data/train/ZEC/ZEC_009_Verse_011.mp3,"Mitrɔ yi ɖe miaƒe mɔ sesẽwo me, O, mi gamenɔla siwo si mɔkpɔkpɔ le. Ke azɔ la, mele gbeƒã ɖem na mi be magbugbɔ aɖo nu siwo miebu la teƒe na mi zi eve." data/train/ZEC/ZEC_011_Verse_000.mp3,"Ale metsɔ nye atikplɔ si meyɔ be Dɔmefafa la, meŋee, eye metu nu si mebla kple dukɔwo." data/train/ZEC/ZEC_007_Verse_003.mp3,"Esi mienɔ nu ɖum, nɔ nu nom la, ɖe menye na miawo ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ koe oa?" data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_012.mp3,"Mekpɔ ŋutega le zã me, eye le ŋutega la me la, mekpɔ ŋutsu aɖe wònɔ sɔ dzĩ aɖe dom. Sɔdola la tsi tsitre ɖe amitive aɖe me le bali aɖe me. Sɔ dzĩ, sɔ hẽ kple sɔ ɣi bubuwo nɔ emegbe." data/train/ZEC/ZEC_012_Verse_001.mp3,"Ekema Yuda ƒe kplɔlawo agblɔ le woƒe dzi me be, ‘Yerusalemtɔwo sesẽ, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae nye woƒe Mawu.’" data/train/ZEC/ZEC_009_Verse_013.mp3,"Yehowa ava do ɖe wo dzi kpoyi, eye eƒe aŋutrɔwo anɔ bibim abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ azɔ le anyigbeme ƒe ahomwo me," data/train/ZEC/ZEC_012_Verse_013.mp3,"“Yehowa aɖe Yuda ƒe nɔƒewo gbã, ale be bubu si le David ƒe aƒe la kple Yerusalem me nɔlawo ŋu la malolo wu Yudatɔ o." data/train/ZEC/ZEC_006_Verse_006.mp3,"Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be, “Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?”" data/train/ZEC/ZEC_011_Verse_003.mp3,"“Baba na alẽkplɔla ɖigbɔ̃ la, ame si gblẽ alẽha la ɖi! Yi nelã eƒe abɔ, eye wòaho eƒe ɖusimeŋku! Eƒe abɔ nedzo ɖo agu, eye eƒe ɖusimeŋku nagbã keŋkeŋ!”" data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_005.mp3,"ke mekpɔ dɔmedzoe vevie ɖe dukɔ siwo susu be yewole dedie la ŋuti. Ke dɔmedzoe vi aɖe ko mekpɔ, gake woawoe he dzɔgbevɔ̃e la vɛ.’" data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_012.mp3,"Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ ŋɔdzi aƒo ŋutsuwoe; ŋutsu ɖe sia ɖe aku ɖe nɔvia ƒe asi ŋu, eye woawɔ avu kple wo nɔewo." data/train/ZEC/ZEC_006_Verse_000.mp3,"Ame siwo le didiƒe ke la ava, akpe asi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu, ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ. Esia ava eme nenye be mieɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ.”" data/train/ZEC/ZEC_010_Verse_005.mp3,"Makplɔ wo agbɔe tso Egipte, eye maƒo wo nu ƒu tso Asiria; makplɔ wo va Gilead kple Lebanon, eye womakpɔ teƒe anɔ gɔ̃ hã o." data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_006.mp3,Esia anye Egipte kple dukɔ bubu siwo meyi Agbadɔmeŋkekenyuiɖuƒe o la ƒe tohehe. data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_009.mp3,"Mebia be, “Nu ka wɔ ge wogbɔna?” Eɖo eŋu nam be, “Esiawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu afɔ ta dzi o. Ke gbedeawo va be woado ŋɔdzi na wo, eye woatsɔ dukɔwo ƒe lãdzo siawo aƒu ame siwo kɔ woƒe dzowo dzi ɖe Yudanyigba ŋu be yewoakaka eƒe amewo la anyi.”" data/train/ZEC/ZEC_002_Verse_012.mp3,"Yuda azu Yehowa ƒe gome kple domenyinu le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem." data/train/ZEC/ZEC_013_Verse_001.mp3,"Etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia matsɔ ade dzo me, maklɔ wo ŋuti abe ale si woklɔa klosaloe ene, eye mado wo kpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene. Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo. Magblɔ be, ‘Wonye nye amewo’ Woawo hã agblɔ be, ‘Yehowae nye míaƒe Mawu.’ ”" data/train/ZEC/ZEC_003_Verse_006.mp3,"“ ‘Miɖo to, O nunɔlagã Yosua kple wò kpeɖeŋutɔ siwo nɔ anyi ɖe ŋgɔwò, ame siwo nye nu siwo ava va eme la ƒe dzesi. Meyi makplɔ nye dɔla Atilɔ la vɛ." data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_000.mp3,"Ame siwo katã tsi agbe tso dukɔ siwo wɔ avu kple Yerusalem me la ayi aɖasubɔ Fia si nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe sia ƒe, eye woaɖu Agbadɔmeŋkekenyuiwo." data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_015.mp3,"Ke azɔ la, nyemawɔ na ame siwo susɔ la abe ale si mewɔ na amewo va yi ene o.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/ZEC/ZEC_003_Verse_001.mp3,Azɔ Yosua le awu ƒoɖiwo me le tsitre ɖe mawudɔla la gbɔ. data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_013.mp3,"Miganɔ abe mia fofowo ene o, ame siwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye miaɖe asi le miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋuti.’ Gake wogbe toɖoɖom, eye wometsɔ ɖeke le eme nam o." data/train/ZEC/ZEC_009_Verse_003.mp3,"Ava Hamat si ƒo xlãe la hã dzi, eye ava Tiro kple Sidon hã dzi togbɔ be wodze aye ale gbegbe hã." data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_004.mp3,"Dɔvɔ̃ sia tɔgbi adze sɔwo, lãɖisɔwo, kposɔwo, tedziwo kple lã siwo katã le woƒe asaɖawo me la dzi." data/train/ZEC/ZEC_002_Verse_001.mp3,"Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Esi wòde bubu ŋutinye, eye wòdɔm ɖe dukɔ siwo ha mi ŋuti, elabena ame si ka asi mia ŋuti la, ka asi eƒe gadaglamakui ŋuti." data/train/ZEC/ZEC_007_Verse_000.mp3,"“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo." data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_008.mp3,"“Atiku la amie, atsi, wainkawo atse nyuie, anyigba aʋã eƒe nukuwo, eye ahũ adza tso dziƒo. Matsɔ nu siawo katã ana nye ame siwo susɔ la abe woƒe domenyinu ene." data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_004.mp3,"eya ta gblɔ na ameawo be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu!’" data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_020.mp3,"Yuda hã awɔ avu le Yerusalem; woaƒo dukɔ siwo katã ƒo xlã wo la ƒe kesinɔnuwo nu ƒu, sika kple klosalo gbogbo aɖe kple nudodowo." data/train/ZEC/ZEC_013_Verse_000.mp3,"Agblɔ be, ‘Menye nyagblɔɖilae menye o: agbledelae menye. Tso nye ɖekakpuime ke, mekpɔa nye nuɖuɖu tso anyigba me.’" data/train/ZEC/ZEC_007_Verse_012.mp3,"Yehowa ƒe gbe gava na Zekaria be," data/train/ZEC/ZEC_010_Verse_002.mp3,"Legbawo blea ame, bokɔnɔwo kpɔa ŋutega siwo mele eteƒe o, wokua drɔ̃e siwo nye aʋatso, eye wogblɔa akɔfanya siwo mevaa eme o. Eya ta ameawo le tsaglalã tsam abe alẽ siwo wote ɖe anyi la ene, elabena kplɔla mele wo si o." data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_013.mp3,"Maƒo dukɔwo katã nu ƒu be woava awɔ avu kple Yerusalem, woaxɔ du la, woalɔ aƒewo katã ƒioƒioƒio, eye woalé nyɔnuwo sesẽtɔe adɔ kpli wo. Woakplɔ du la ƒe afã ayi aboyo mee, gake ame mamlɛawo atsi dua me." data/train/ZEC/ZEC_005_Verse_010.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, ‘Madɔ fiƒode sia ɖa, eye age ɖe fiafitɔ la ƒe aƒe me kple ame si yɔa nye ŋkɔ tsɔ kaa atam dzodzro la ƒe aƒe me. Anɔ eƒe aƒe me, agbã aƒe nɛ, eye wòakaka atiawo kple kpeawo siaa.’ ”" data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_016.mp3,"Ne Egiptetɔwo meyi ɖakpɔ gome le eme o la, tsi madza na wo o. Yehowa aƒo wo kple dɔvɔ̃ siwo wòtsɔ ƒo dukɔ siwo meyi ɖe Agbadɔmeŋkekenyuiɖuƒe o." data/train/ZEC/ZEC_012_Verse_000.mp3,"Anyigba la katã afa avi; to ɖe sia ɖe afa avi na eɖokui, eye wo srɔ̃wo anɔ wo gbɔ: to si tso David ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo, to si tso Natan ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo," data/train/ZEC/ZEC_012_Verse_011.mp3,"“Mawɔ Yerusalem wòanye kplu si ne ame siwo ƒo xlãe noe la, woamu. Woaɖe to ɖe Yuda kple Yerusalem." data/train/ZEC/ZEC_014_Verse_005.mp3,"Ekema Yehowa ado, awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe ale si wòwɔa aʋae le aʋagbedzi ene." data/train/ZEC/ZEC_004_Verse_008.mp3,"Mebia mawudɔla la be, “Nu kae nye amiti eve siwo le ɖusime kple miame na akaɖiti la?”" data/train/ZEC/ZEC_006_Verse_008.mp3,"Sɔ dzĩwo le tasiaɖam gbãtɔ hem, eye sɔ yibɔwo le tasiaɖam evelia hem." data/train/ZEC/ZEC_010_Verse_001.mp3,"Efraimtɔwo ava nɔ abe ŋutsu kalẽtɔwo ene, eye woƒe dziwo akpɔ dzidzɔ abe wain wono ene. Wo viwo akpɔe, woatso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu." data/train/ZEC/ZEC_007_Verse_007.mp3,"“Mia fofowo gbe toɖoɖo gbedeasi sia, wolia ʋume kpakoo, eye wotsɔ asibidɛ xe to me be yewomagase nye nya la o." data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_014.mp3,"Tete ame si tsi tsitre ɖe amitiawo dome la ɖe eme nam be, “Woawoe nye ame siwo Yehowa dɔ be woatsa le anyigba blibo la dzi.”" data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_002.mp3,"Esi Yehowa ƒe dɔla la se nya siawo la, edo gbe ɖa be, “O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ƒe blaadree nye esi, esi nètrɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe Yerusalem kple Yuda ƒe duwo dzi. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàgakpɔ nublanui na wo?”" data/train/ZEC/ZEC_008_Verse_007.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matrɔ ayi Zion, eye manɔ Yerusalem, ekema woayɔ Yerusalem be Nyateƒedu, eye woayɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe to la be, To Kɔkɔe.”" data/train/ZEC/ZEC_002_Verse_009.mp3,"Nye ŋutɔ manye dzo bibi ƒe gli aƒo xlã wo, eye manye eƒe ŋutikɔkɔe.” Yehowae gblɔe." data/train/ZEC/ZEC_005_Verse_008.mp3,"Mebiae be, “Nu ka wònye?” Eɖo eŋu be, “Nudzidzekusie” Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Esiae nye amewo ƒe nu vɔ̃ le anyigba katã la dzi.”" data/train/ZEC/ZEC_004_Verse_000.mp3,"Ale wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame eve siwo wosi ami na be woasubɔ anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ.”" data/train/ZEC/ZEC_010_Verse_011.mp3,"Woato nuxaxa ƒe atsiaƒu me, ke woaɖu ƒu dzeagbowo dzi, eye Nil tɔsisi ƒe gogloƒewo aƒu kplakplakpla. Woaŋe kɔ le Asiria ƒe dada nu, eye woaɖe Egipte ƒe fiatikplɔ ɖa." data/train/ZEC/ZEC_001_Verse_017.mp3,"“Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia fofowo ŋu vevie," data/train/2KI/2KI_007_Verse_004.mp3,"Anyidzela ene aɖewo nɔ anyi ɖe dua ƒe agbowo godo. Wobia wo nɔewo be, “Nu ka ta míanɔ anyi ɖe afi sia va se ɖe esime míaku?" data/train/2KI/2KI_004_Verse_038.mp3,"Nyɔnu la yi ɖagblɔ nya la na Mawu ƒe Ame la eye wòɖo eŋu nɛ be, “Yi nàdzra ami la eye nàxe fe siwo nènyi. Ga si atsi anyi la, agasusɔ na wò kple viwòwo dzi kpɔkpɔ!”" data/train/2KI/2KI_019_Verse_036.mp3,"Ɖe dukɔ bubuwo abe Gozan, Haran, Rezef kple Eden le Tel Asa ƒe anyigba ene ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Asiria fia siwo do ŋgɔ nam la tsrɔ̃ wo katã!" data/train/2KI/2KI_007_Verse_007.mp3,"elabena Aƒetɔ la na Aramtɔwo se tasiaɖamwo, sɔwo kple asrafowo ƒe ha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Kpɔ ɖa, Israel fia yi ɖatsɔ aʋa Hititɔwo kple Egiptetɔwo be woava dze mía dzi!”" data/train/2KI/2KI_012_Verse_015.mp3,Nunɔla Yehoiada ɖe do gã aɖe ɖe tsitrenuɖaka gã aɖe tame eye wòtsɔe da ɖe vɔsamlekpui si le gbedoxɔ la ƒe mɔnu la ƒe ɖusime. Ʋɔtrua ŋu dzɔlawo tsɔa ga siwo ameawo tsɔna vɛ la dea eme. data/train/2KI/2KI_013_Verse_019.mp3,"Siria fia Hazael te Israel ɖe to, le Fia Yehoas ƒe fiaɖuɣi blibo la me." data/train/2KI/2KI_023_Verse_034.mp3,"Yosia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Samarianyigba blibo la dzi. Israel fia vovovowoe tu wo eye wodo dɔmedzoe na Yehowa. Ke azɔ la, Yosia gbã wo wozu ʋuʋudedi abe ale si wòwɔ le Betel ene." data/train/2KI/2KI_019_Verse_029.mp3,"Miɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’ ”" data/train/2KI/2KI_025_Verse_021.mp3,Ke wogblẽ ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi. data/train/2KI/2KI_010_Verse_002.mp3,"Azɔ la, miyɔ Baal ƒe Nyagblɔɖilawo, nunɔlawo kple eƒe subɔlawo katã. Mikpɔ egbɔ be, ame sia ame va elabena mele vɔsa gã aɖe wɔ ge na Baal. Ame sia ame si agbe vava la, maganɔ agbe o.” Ke Yehu ɖe wòle ameawo blem ale be yeate ŋu atsrɔ̃ Baal ƒe nunɔlawo." data/train/2KI/2KI_009_Verse_012.mp3,"Ele be nàtsrɔ̃ Ahab ƒe ƒometɔwo katã; àtsrɔ̃ ŋutsu ɖe sia ɖe le Israel, ame ka kee wònye hã ele be nàtsrɔ̃e.’" data/train/2KI/2KI_004_Verse_021.mp3,"Eyɔ srɔ̃a eye wògblɔ nɛ bena, “Meɖe kuku, yi nàɖo wò dɔlawo dometɔ ɖeka kple tedzi ɖem ale be mate ŋu ayi Mawu ƒe ame la gbɔ kaba, atrɔ agbɔ.”" data/train/2KI/2KI_021_Verse_007.mp3,"Etsɔa Via ŋutsuvi saa dzovɔe. Ekaa afa, dea nubiaƒe kple ŋɔliyɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ." data/train/2KI/2KI_006_Verse_024.mp3,"Gbe ɖeka esime Siria nɔ aʋa wɔm kple Israel la, Siria fia gblɔ na eƒe aʋakplɔlawo be, “Míaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe.” Eyɔ teƒe la ŋkɔ na wo." data/train/2KI/2KI_009_Verse_023.mp3,"Fia Yehoram biae be, “Yehu, ŋutifafa dzie nèlea?” Yehu ɖo eŋu be, “Zi ale si dawò Yezebel ƒe trɔ̃subɔsubɔ kple adzewɔwɔ gale mía dome kokoko la, aleke ŋutifafa ate ŋu anɔ anyi?”" data/train/2KI/2KI_004_Verse_008.mp3,"Elisa gblɔ be, “Yɔe ɖa.” Eyi ɖayɔe eye nyɔnu la va tsi tsitre ɖe xɔa ƒe mɔnu." data/train/2KI/2KI_009_Verse_002.mp3,"Ale fia la gaɖo sɔdola bubu ɖa. Eyi ɖatu wo eye wògblɔ na wo be, “Ale fia la gblɔe nye esi, ‘Ŋutifafa dzie mielea?’ ” Yehu ɖo eŋu be, “Ŋutifafanya kae tsɔ gbɔwò? Va, dze yonyeme!”" data/train/2KI/2KI_015_Verse_008.mp3,"Eƒe fiaɖuɣi mee Asiria fia, Tiglat Pilser, ame si wogayɔna be Pul la ho aʋa ɖe Israel ŋu. Du siwo dzi wòɖu la woe nye Iyɔn, Abel Bet Maka, Yanoa, Kedes kple Hazor. Exɔ Gilead kple Galilea hã hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. Eɖe aboyo amewo yi Asiria." data/train/2KI/2KI_006_Verse_006.mp3,"Elisa gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o! Elabena míaƒe aʋakɔ sɔ gbɔ, eye wòtri akɔ wu wo tɔ!”" data/train/2KI/2KI_009_Verse_005.mp3,"Avuwo aɖu Ahab srɔ̃, Yezebel le Yezreel eye ame aɖeke maɖii o!” Esia megbe la, nusrɔ̃la la ʋu ʋɔa eye wòsi dzo." data/train/2KI/2KI_024_Verse_019.mp3,"Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadae nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu eye wòtso Libna." data/train/2KI/2KI_017_Verse_020.mp3,"Israelviwo wɔ nu siwo mele eteƒe o la le bebeme ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋu. Tso gbetakpɔxɔ dzi yi ɖe du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe la me la, woawo ŋutɔ tu nuxeƒewo ɖe woƒe duwo katã me." data/train/2KI/2KI_015_Verse_006.mp3,"Exɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòɖu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadae ŋkɔe nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu." data/train/2KI/2KI_009_Verse_018.mp3,"Esi Yezebel se be Yehu va Yezreel la, ede ama eƒe aɖaba, dzra eƒe taɖa ɖo nyuie eye wòtsi tsitre ɖe fiasã la ƒe fesre ɖeka to hele mɔtata la dzi kpɔm." data/train/2KI/2KI_007_Verse_005.mp3,"Anyidzelawo ɖo asaɖa la ƒe mɔnu eye woge ɖe agbadɔwo dometɔ ɖeka me. Woɖu nu, no nu, lɔ klosalo, sika kple awuwo eye woyi ɖaɣla wo. Wotrɔ gbɔ hege ɖe agbadɔ bubu me, fɔ nanewo hã le afi ma eye woyi ɖaɣla woawo hã." data/train/2KI/2KI_009_Verse_010.mp3,"ekpɔ Yehu wònɔ anyi ɖe ehati asrafomegãwo dome. Egblɔ nɛ be, “Nya aɖe le asinye na wò.” Yehu biae be, “Na mía dometɔ ka?” Nusrɔ̃la la ɖo eŋu be, “Na wò, Yehu.”" data/train/2KI/2KI_004_Verse_005.mp3,"Elisa bia Gehazi emegbe be, “Nu ka míawɔ nɛ?” Gehazi ɖo eŋu be, “Viŋutsu mele esi o, evɔ srɔ̃a nye amegãɖeɖi!”" data/train/2KI/2KI_001_Verse_018.mp3,"Yehowa ƒe dɔla aɖe gblɔ na Eliya be, “Mègavɔ̃ o, Yi kpli wo.” Ale Eliya yi fia la gbɔ." data/train/2KI/2KI_012_Verse_006.mp3,"Fia Hazael, Siria fia ho aʋa ɖe Gat ŋu le ɣeyiɣi sia me, ɖu edzi eye wòɖe zɔ ɖe Yerusalem hã dzi." data/train/2KI/2KI_025_Verse_012.mp3,Fia la naa ga Yehoyatsin gbe sia gbe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me. data/train/2KI/2KI_008_Verse_016.mp3,"Gehazi nɔ nu ƒom na fia la tso gbe si gbe Elisa gbɔ agbe ŋutsuvi kuku aɖe la ŋuti. Ɣe ma ɣi tututue ŋutsuvia dada do ɖe fia la ŋkume! Gehazi gblɔ na fia la be, “Ahã! Nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyɔnu lae nye esia, ame si ƒe viŋutsu ku eye Elisa gbɔ agbee lae nye esia!”" data/train/2KI/2KI_015_Verse_028.mp3,"Pekahia nye fia vɔ̃di aɖe le Yehowa ŋkume. Eyi legbasubɔsubɔ si gɔme Fia Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, dze la dzi eye wòkplɔ Israel to nu vɔ̃ mɔ ma dzi." data/train/2KI/2KI_010_Verse_027.mp3,Wogblẽ gbedoxɔ la eye wotrɔe wòzu afɔdzixɔ va se ɖe egbe. data/train/2KI/2KI_008_Verse_020.mp3,"Ke esi Yehowa do ŋugbe na eƒe dɔla, Fia David, be yeakpɔ eƒe dzidzimeviwo dzi eye yeakplɔ wo ta la, metsrɔ̃ Yuda o." data/train/2KI/2KI_007_Verse_013.mp3,"Fiaŋume la gblɔ be, “Ne Yehowa ŋɔ do ɖe dziƒo ŋu gɔ̃ hã la, nu sia mate ŋu ava eme o!” Eye nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Àkpɔe, wòava eme nenema, ke màɖu ɖeke o.”" data/train/2KI/2KI_025_Verse_022.mp3,"Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo. Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi." data/train/2KI/2KI_003_Verse_001.mp3,Ale Fia Yehoram dzo le Samaria yi ɖaƒo Israelʋakɔ nu ƒu. data/train/2KI/2KI_004_Verse_028.mp3,"Ke nyɔnu la fɔ fu eye esi ƒe trɔ le ɣeyiɣi ma ke dzi la, edzi ŋutsuvi abe ale si Elisa gblɔe nɛ do ŋgɔe ene." data/train/2KI/2KI_019_Verse_025.mp3,"Maʋli du sia ta eye maɖe du sia le nye ŋutɔ nye ŋkɔ kple nye dɔla, David ta.’ ”" data/train/2KI/2KI_010_Verse_011.mp3,"Esi woɖo Samaria la, Yehu wu Ahab xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo katã susɔ ɖe afi ma abe ale si Yehowa gblɔ to Eliya dzi la ene." data/train/2KI/2KI_015_Verse_015.mp3,"Israel fia yeye lae nye Salum. Fofoae nye Yabes. Eɖu fia ɣleti ɖeka pɛ ko. Yuda fia Azaria, ame si wogayɔna be Uzia la nɔ eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me." data/train/2KI/2KI_004_Verse_020.mp3,"Esia megbe la, ede abati la dzi mlɔ ɖevi kuku la dzi, tsɔ eƒe nu ɖo ɖevi la ƒe nu dzi, eƒe ŋku ɖo eƒe ŋku dzi eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo eƒe asiwo dzi eye wòdrã ɖe ɖevi la dzi, kasia ɖevi la ƒe lãme de asi dzoxɔxɔ me!" data/train/2KI/2KI_009_Verse_025.mp3,"Fia Yoram ɖe gbe be, “Netsɔ, midzra nye tasiaɖam ɖo nam!” Ale eya kple Yuda fia, Ahazia woyi ɖado go Yehu le Nabɔt ƒe agble me." data/train/2KI/2KI_018_Verse_023.mp3,"Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia si nye Fia Hosea, Ela vi, ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe adrelia me la, Asiria fia, Salmaneser, ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wòɖe to ɖe Samaria du la." data/train/2KI/2KI_004_Verse_023.mp3,"Gbe ɖeka esi Elisa gava la, eyi ɖamlɔ anyi ɖe eƒe xɔ me." data/train/2KI/2KI_024_Verse_004.mp3,"Esi woɖe to ɖe dua vɔ la, Nebukadnezar ŋutɔ va ɖo Yerusalem," data/train/2KI/2KI_025_Verse_026.mp3,"Wokplɔe yi Nebukadnezar gbɔe le Ribla, afi si wodrɔ̃ ʋɔnue le eye wobu fɔe." data/train/2KI/2KI_017_Verse_037.mp3,"Wosubɔ legbawo, evɔ Yehowa gblɔ na wo be, “Migawɔ esia o.”" data/train/2KI/2KI_014_Verse_017.mp3,"Ke Yuda fia Amazia, Yoas vi nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel fia Yehoas, Yehoahaz vi ƒe ku megbe." data/train/2KI/2KI_005_Verse_018.mp3,"Ke Gehazi, Elisa ƒe subɔla Mawu ƒe ame, gblɔ na eɖokui be, “Mele be nye aƒetɔ nagbe nunanawo xɔxɔ eye wòaɖe asi le Naaman, Aramea ŋutsu sia ŋu wòadzo o. Mati eyome eye maxɔ nane le esi.”" data/train/2KI/2KI_020_Verse_005.mp3,"Hezekia xɔ wo nyuie eye wòtsɔ eƒe kesinɔnuwo katã fia wo. Kesinɔnu siawoe nye klosalo, sika, atikeʋeʋĩ, ami xɔasiwo kple aʋawɔnuwo. Naneke mele fiasã la alo dukɔ la me esi Hezekia metsɔ fia wo o." data/train/2KI/2KI_014_Verse_012.mp3,"Gbe ɖeka la, Yuda fia, Amazia ɖo du ɖe Israel fia Yehoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu tɔgbuiyɔvi la, be ne enye ŋutsu la, wòakplɔ eƒe aʋakɔ vɛ yewoawɔ aʋa." data/train/2KI/2KI_015_Verse_001.mp3,"Azaria nye fia nyui aɖe eye Yehowa kpɔ ŋudzedze le eŋu abe ale si wòkpɔe le fofoa, Amazia, ŋu ene" data/train/2KI/2KI_021_Verse_001.mp3,Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowu fia la le eƒe fiasã me. data/train/2KI/2KI_006_Verse_029.mp3,"Nu sia na dɔ to le Samaria du la me. Esi dɔwuame sia nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe ta la, tedzi ƒe ta xɔ klosaloga blaenyi eye sabala kpo ɖeka gɔ̃ hã xɔ klosaloga atɔ̃." data/train/2KI/2KI_017_Verse_006.mp3,Asiria fia Salmaneser ho aʋa ɖe Fia Hosea ŋu eye wòɖu edzi. Ale wònɔ na Israel be wòanɔ ga home gã aɖe xem na Asiria ƒe sia ƒe. data/train/2KI/2KI_011_Verse_012.mp3,"Ke Yehoseba, Fia Yoram ƒe vinyɔnu, ame si ganye Ahazia nɔvinyɔnu kplɔ Yoas, Ahazia ƒe viŋutsu eye wòfii dzoe tso fiaviŋutsu siwo wodi be woawu la dome. Etsɔ Yoas kple edzikpɔla ɣla ɖe xɔ aɖe me le gbedoxɔ me eye wòɣlae ɖe Atalia, ale womete ŋu wui o." data/train/2KI/2KI_018_Verse_022.mp3,"Kpɔ ɖa, azɔ la, èle ŋu ɖom ɖe Egipte ŋu, Egipte si nye aƒla ŋeŋe si tɔa asi na ame, dea abi ame ŋu ne èziɔ ɖe eŋu. Nenema tututue Farao, Egipte fia le ɖe ame sia ame si ɖoa ŋu ɖe eŋu la ŋuti." data/train/2KI/2KI_019_Verse_006.mp3,"Egblɔ na Eliakim, Sebna kple nunɔla tsitsitɔ aɖewo be woata akpanya eye woayi Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi gbɔ agblɔ nɛ be," data/train/2KI/2KI_018_Verse_037.mp3,Ɣe ma ɣie Asiria fia ɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye wòda wo ɖe Hala du la me kple teƒe siwo le Habor tɔsisi la to le Gozan kple Mediatɔwo ƒe duwo me. data/train/2KI/2KI_013_Verse_011.mp3,"Israel fia Yehoas, Yehoahaz ƒe vi wɔ aʋa ɖu dzi zi etɔ̃ eye wògbugbɔ Israel du siwo Fia Ben Hadad xɔ le fofoa si to edziɖuɖu me le aʋa me la xɔ." data/train/2KI/2KI_017_Verse_009.mp3,"Elabena Israel ɖe eɖokui ɖa tso David ƒe fiaɖuƒe la me eye wòtia Yeroboam, Nebat ƒe vi abe eƒe fia ene. Yeroboam he Israel ɖa tso Yehowa subɔsubɔ gbɔ. Ena Israelviwo wɔ nu vɔ̃" data/train/2KI/2KI_022_Verse_010.mp3,"Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbe Yehowa be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nya siwo ke nèse la ŋuti." data/train/2KI/2KI_012_Verse_008.mp3,"Gake, megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko." data/train/2KI/2KI_025_Verse_006.mp3,"Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia." data/train/2KI/2KI_018_Verse_025.mp3,"Le ƒe etɔ̃ megbe, si nye Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia kple Israel fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, woɖu Samaria dzi." data/train/2KI/2KI_005_Verse_016.mp3,"Ke esi Mawu ƒe ame, Elisa se be Israel fia dze awu le eɖokui ŋuti la, eɖo du ɖee be, “Nu kae te ɖe dziwò ale gbegbe be nèdze wò awuwo? Ɖo Naaman ɖe gbɔnye ekema anya be nyagblɔɖila aɖe le Israel.”" data/train/2KI/2KI_019_Verse_027.mp3,Meɖe vudo ɖe dzronyigba dzi heno tsi le afi ma. Metsɔ nye afɔƒome fanya Egipte ale gbegbe be eƒe tɔsisiwo katã mie.” data/train/2KI/2KI_023_Verse_001.mp3,"Ale Fia la ɖe gbe na nunɔlagã Hilkia kple nunɔla bubuawo kple agbonudzɔlawo be woaɖe nu siwo katã wowɔ na Baal, aƒeli kple dziƒoŋunuwo katã la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Etɔ dzo wo le Yerusalem dua godo le Kidron balime eye wòlɔ dzofi la yi Betel." data/train/2KI/2KI_017_Verse_015.mp3,"Esiawo katã va eme elabena Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egipte eye wòɖe wo le Farao, Egipte fia ƒe ŋusẽ te la ŋu. Wosubɔ mawu bubuwo." data/train/2KI/2KI_004_Verse_012.mp3,"Elisa gblɔ nɛ be, “Le ƒe si gbɔna ƒe ɣe aleawo ɣi tututu la, àlé viŋutsuvi ɖe wò abɔwo me.” Nyɔnu la gblɔ be, “Ao, nye aƒetɔ, mègable wò dɔla o, O Mawu ƒe ame.”" data/train/2KI/2KI_009_Verse_016.mp3,"Esi woyi be yewoaɖii la, eƒe taƒu kple eƒe afɔwo kple eƒe asiwo ko wokpɔ." data/train/2KI/2KI_004_Verse_011.mp3,"Elisa gblɔ na nyɔnu la be, “Enyo, yi nàɣe ze kple gagba aɖewo tso xɔ̃wòwo kple wò aƒelikawo gbɔ." data/train/2KI/2KI_024_Verse_001.mp3,"Babiloniatɔwo lɔ kesinɔnuwo katã tso gbedoxɔ la kple fiasã la me hekpe ɖe sikagba siwo katã Israel fia, Solomo, da ɖe gbedoxɔ la me ŋu le Yehowa ƒe ɖoɖo nu." data/train/2KI/2KI_006_Verse_011.mp3,"Elisa ɖo eŋu be, “Kura o! Ɖe míewua ame siwo míelé le aʋa mea? Na nuɖuɖu kple nunono wo eye nàtrɔ wo ɖo ɖe wo de le woƒe amegã gbɔ.”" data/train/2KI/2KI_018_Verse_001.mp3,"Azɔ la, Eliakim, Hilkia ƒe vi, asitsanyawo dzikpɔla la kple Sebna, fia ƒe nuŋlɔla kple Yoa, Asaf ƒe vi, dukɔwo ƒe ŋutinyanyala dze woƒe awuwo eye woyi Fia Hezekia gbɔ hegblɔ nya siwo Asiriatɔwo ƒe aʋafia la gblɔ na wo la nɛ." data/train/2KI/2KI_022_Verse_018.mp3,Yehowa ƒe gbee nye esi: mahe dzɔgbevɔ̃e va teƒe sia kple eƒe amewo dzi ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe agbalẽ si Yuda fia xlẽ la nu. data/train/2KI/2KI_012_Verse_000.mp3,"Ale nunɔlawo ɖo be yewoaɖo ga tɔxɛ aɖe da ɖi si mato yewoƒe asi me o, ale be yewomawɔ eŋu dɔ na yewo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo o." data/train/2KI/2KI_001_Verse_009.mp3,"Fia la bia be, “Ame kae nye ŋutsu sia? Aleke eƒe dzedzeme le?”" data/train/2KI/2KI_019_Verse_016.mp3,"Esiae nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ɖe eŋuti: “ ‘Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o la, do vlo wò eye wòɖu fewu le ŋutiwò. Yerusalem vinyɔnu ʋuʋu ta esi nèlé du tsɔ." data/train/2KI/2KI_005_Verse_008.mp3,"Elisa biae be, “Mènya be menɔ afi ma le gbɔgbɔ me hafi Naaman ɖi le eƒe tasiaɖam me hekpe wò oa? Ɣeyiɣi sia mee woaxɔ ga, awu, amitigblewo, waingblewo, alẽwo, nyitsuwo kple subɔlawoa?" data/train/2KI/2KI_012_Verse_003.mp3,"Esi woɖo kpe ga homea dzi la, wotsɔe na ame siwo wotia be woakpɔ dɔa dzi le gbedoxɔ la ŋuti. Wotsɔ ga sia xe fe na ame siwo wɔ dɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu, atikpalawo kple xɔtulawo," data/train/2KI/2KI_010_Verse_028.mp3,Wohe sɔti si ŋu dɔ wowɔna le Baal subɔsubɔ me la do goe eye wotɔ dzoe. data/train/2KI/2KI_019_Verse_003.mp3,"Ava eme be ame siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la woato ke, eye woatse ku." data/train/2KI/2KI_007_Verse_003.mp3,"Ale wòva va eme abe ale si Mawu ƒe ame la gblɔe na fia la ene be, “Etsɔ ɣe aleawo ɣi la, wɔ gram wuieve axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Samaria ƒe agbo nu.”" data/train/2KI/2KI_016_Verse_012.mp3,"Fia Ahaz ɖo du ɖe Asiria fia, Tiglat Pilser eye wòɖe kuku nɛ be, “Wò subɔlawo kple viwòwoe míenye, meɖe kuku, va nàɖem tso Aram fia kple Israel fia, ame siwo tso ɖe ŋunye la ƒe asi me.”" data/train/2KI/2KI_019_Verse_005.mp3,"Èdɔ wò dɔlawo be woali kɔ dzu ɖe Yehowa dzi. Ègblɔ be, “Metsɔ nye tasiaɖamwo lia towo tame eye mede keke Lebanon to kɔkɔwo tame. Melã sedati kɔkɔwo kple sesewuti nyuitɔwo ƒu anyi. Meɖo eƒe anyigba ƒe mlɔenu ke kple eƒe ave nyuitɔwo tame." data/train/2KI/2KI_004_Verse_016.mp3,"Esi ameawo de asi nua ɖuɖu me ko la, wodo ɣli be, “Oo, Mawu ƒe ame, aɖi le nuɖuɖu la me!”" data/train/2KI/2KI_015_Verse_014.mp3,"Israel fia yeye lae nye Pekahia, fofoae nye Menahem. Eɖu fia ƒe eve le Samaria. Esime Yuda fia Azaria ɖu fia ƒe blaatɔ̃ la, Pekahia dze fiaɖuɖu gɔme." data/train/2KI/2KI_010_Verse_016.mp3,"Fia Yehu ɖe gbe na eƒe amewo be, “Milé wo!” Wolé wo eye wokplɔ wo ame blaeve-vɔ-eneawo katã yi ɖawu le Bet Eked, do aɖe gbɔ." data/train/2KI/2KI_019_Verse_028.mp3,"“Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’" data/train/2KI/2KI_002_Verse_004.mp3,Elisa trɔ kpɔ wo eye wòƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Enumake sisiblisinɔ eve do go tso ave aɖe me va vuvu wo ame blaene-vɔ-eve. data/train/2KI/2KI_003_Verse_024.mp3,"Tete wogblɔ be, “Ʋue nye ekem! Fia mawo anya wɔ aʋa, wu wo nɔewo. Azɔ la Moab, miva miaɖaha woƒe nuwo!”" data/train/2KI/2KI_023_Verse_030.mp3,Woɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia na Yehowa le Yerusalem le Fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. data/train/2KI/2KI_006_Verse_016.mp3,"Esi Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la lũ ɖe wo dzi la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, na woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ.” Eye wòva eme nenema." data/train/2KI/2KI_017_Verse_008.mp3,"Azɔ la, Asiria ƒe asrafowo va yɔ Israelnyigba dzi, woɖe to ɖe Samaria, Israel ƒe fiadu la ƒe etɔ̃." data/train/2KI/2KI_013_Verse_004.mp3,"Elisa gblɔ be, “Yi nàdi da kple dati aɖewo vɛ.” Yehoas yi eye wòdi wo vɛ." data/train/2KI/2KI_006_Verse_020.mp3,"Fia la ɖe gbe be, “Miyi miakpɔ afi si wòle ekema míaɖo asrafowo ɖa woayi aɖalée.” Woyi gbɔ va gblɔ na fia la be, “Elisa le Dotan!”" data/train/2KI/2KI_009_Verse_004.mp3,"Aleae Yehu, Yehosafat ƒe vi kple Nimsi ƒe tɔgbuiyɔvi dze aglãe ɖe fia Yoram ŋu. (Ke Yoram kple Israel blibo la nɔ ŋudzɔ na Aram fia Hazael le Ramot Gilead." data/train/2KI/2KI_004_Verse_014.mp3,"Elisa trɔ azɔ yi Gilgal, afi si dɔwuame gã aɖe nɔ. Gbe ɖeka esi wònɔ nu fiam nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ na Gehazi be wòawɔ atadi na nusrɔ̃lawo ƒe fiẽnuɖuɖu." data/train/2KI/2KI_003_Verse_006.mp3,"Elisa gblɔ nɛ be, “Meta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ame si mesubɔna la ƒe agbe be nenye ɖe nyemede bubu Yuda fia Yehosafat ƒe afi sia nɔnɔ ŋu o la, anye ne nyemanye kɔ akpɔ wò gɔ̃ hã o." data/train/2KI/2KI_010_Verse_012.mp3,"Esi Yehu dzo le amedzrodzeƒea la, edo go Yehonadab, Rekab ƒe vi, ame si gbɔna be yeakpee. Wodo gbe na wo nɔewo eye Yehu biae be, “Èle dzinye abe ale si mele dziwò enea?” Yehonadab ɖo eŋu be, “Ɛ̃.” Yehu gblɔ nɛ be, “Ekema na asim!” Ena asii eye Yehu na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me." data/train/2KI/2KI_011_Verse_008.mp3,Etsɔ Fia David ƒe akplɔ kple akpoxɔnu siwo nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me de asi na aʋafiawo. data/train/2KI/2KI_023_Verse_008.mp3,"elabena Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ Yuda abe ale si metsrɔ̃ Israel ene eye maɖe asi le Yerusalem, du si metia kple gbedoxɔ si megblɔ be enye tɔnye la ŋu.”" data/train/2KI/2KI_004_Verse_026.mp3,"Gehazi bia be, “Nuɖuɖu sue sia ade na ame alafa ɖeka siawoa?” Ke Elisa gblɔ be, “Tsɔe na wo ko elabena Yehowa gblɔ be nuɖuɖu la asu ame sia ame eye ɖe gɔ̃ hã agatsi anyi!”" data/train/2KI/2KI_019_Verse_030.mp3,"Mɔ si wòto va la, eya ke dzie wòato adzo. Mage ɖe du sia me akpɔ gbeɖe o. Yehowae gblɔe." data/train/2KI/2KI_006_Verse_028.mp3,"Na míayi Yɔdan tɔsisi la to, ale be mía dometɔ ɖe sia ɖe natso ati eye míatsɔe atso teƒe aɖe si míanɔ.” Elisa gblɔ na wo be, “Miyi! Enyo, miate ŋu atu xɔ la faa.”" data/train/2KI/2KI_019_Verse_008.mp3,"Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba." data/train/2KI/2KI_010_Verse_000.mp3,"Ale fiasãmenyawo dzi kpɔla, dumegãwo, kplɔlawo kple Ahab ƒe viwo dzi kpɔla ɖo du ɖe Yehu be, “Fia Yehu, wò subɔlawo míenye. Míele klalo be míawɔ nu sia nu si nàɖo na mí. Míeɖo be wò boŋ nànye míaƒe fia ɖe Ahab ƒe viwo teƒe.”" data/train/2KI/2KI_020_Verse_018.mp3,"Yesaya gblɔ nɛ be, “Ɖo to Yehowa ƒe nya sia:" data/train/2KI/2KI_025_Verse_007.mp3,Elé be na Fia Yehoyatsin wu fia bubu siwo wode gaxɔ me le Babilonia. data/train/2KI/2KI_022_Verse_003.mp3,"Elabena wogbe nu le gbɔnye, wosubɔ mawu bubuwo eye wodo dɔmedzoe nam kple legba siwo wotsɔ woƒe asiwo wɔ la. Nye dɔmedzoe abi ɖe teƒe sia ŋu eye matso o.’" data/train/2KI/2KI_013_Verse_009.mp3,"Esime Elisa nɔ kudɔ ƒom la, Yehoas, Israel fia, yi ɖakpɔe ɖa eye wòfa avi le egbɔ hegblɔ be, “Fofonye! Fofonye! Wòe nye Israel ƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo!”" data/train/2KI/2KI_019_Verse_018.mp3,"eye wòtɔ dzo woƒe mawuwo elabena menye mawuwoe wonye o, ke boŋ ati kple kpee wonye. Amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwoe wonye." data/train/2KI/2KI_015_Verse_030.mp3,"Salum, Yabes ƒe vi ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le lbleam eye wòzu fia ɖe eteƒe." data/train/2KI/2KI_006_Verse_033.mp3,"Tete Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu nye subɔla ƒe ŋkuwo ne wòakpɔ nu!” Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo eye wòte ŋu kpɔ dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le afi sia afi, le toa dzi." data/train/2KI/2KI_009_Verse_006.mp3,"Dzɔla la gado ɣli be, “Eya hã mele gbɔgbɔm o! Yehu kokoko wòanye elabena eƒe tasiaɖam le du ƒum sesĩe.”" data/train/2KI/2KI_023_Verse_035.mp3,"Yosia kplɔ nunɔla siwo katã nɔ Yuda duwo me la gbɔe eye wòna wodo gu nuxeƒewo katã tso Geba yi ɖase ɖe Beerseba afi si nunɔlaawo do dzudzɔ ʋeʋĩ le. Egbã legba siwo nɔ dua ƒe mɔmefia, Yosua ƒe agbo nu. Legba la nɔ agbo la ƒe miame." data/train/2KI/2KI_023_Verse_024.mp3,"Le esia megbe la, eɖe nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe kple Gbegblẽto la ƒe dziehe la ɖa. Fia Solomo tu nuxeƒe siawo na Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu vɔ̃ɖi la, na Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu vɔ̃ɖi la kple na Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu nyɔŋu la." data/train/2KI/2KI_024_Verse_012.mp3,"Le Fia Yehoyakim ƒe fiaɖuɖu me la, Babilonia fia Nebukadnezar va dze anyigba la dzi eye Yehoyakim va zu etenɔla ƒe etɔ̃. Le esia megbe la, etrɔ susu eye wòdze aglã ɖe Nebukadnezar ŋu." data/train/2KI/2KI_008_Verse_000.mp3,Ahazia kple Ahab ƒe vi Yoram woho aʋa ɖe Aram fia Hazael ŋu le Ramot Gilead. Aramtɔwo de abi Yoram ŋu le aʋa sia me data/train/2KI/2KI_002_Verse_006.mp3,"Elisa yi tsi la ƒe dzɔtsoƒe, tsɔ dze la kɔ ɖe eme eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Mewɔ tsi sia kɔkɔe eye magahe ku alo fu gege vɛ azɔ o.’ ”" data/train/2KI/2KI_019_Verse_022.mp3,"Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, Via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/2KI/2KI_015_Verse_033.mp3,Woŋlɔ Fia Pekahia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. data/train/2KI/2KI_002_Verse_007.mp3,"Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Betel.” Ke Elisa gblɔ be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale woyi Betel." data/train/2KI/2KI_003_Verse_015.mp3,"Ke azɔ la, mikplɔ kasaŋkuƒola aɖe vɛ nam.” Esi kasaŋkuƒola la nɔ kasaŋkua ƒom la, Yehowa ƒe ŋusẽ va Elisa dzi" data/train/2KI/2KI_015_Verse_004.mp3,"Esi Yotam ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le fofoa de si nye David ƒe du la me. Yotam ƒe vi Ahaz zu fia yeye la." data/train/2KI/2KI_004_Verse_032.mp3,Nuɖuɖua su ame sia ame eye ɖe gɔ̃ hã gatsi anyi abe ale si Yehowa gblɔ ene! data/train/2KI/2KI_003_Verse_005.mp3,"elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Miakpɔ yaƒoƒo loo alo tsidzadza o, gake tsi ayɔ bali sia me si wò kple wò nyiwo kple wò lãha bubuawo miano.’" data/train/2KI/2KI_018_Verse_008.mp3,"Emegbe le Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienelia me la, Asiria fia, Senakerib ɖe to ɖe Yuda du siwo katã woglã la eye wòɖu wo dzi." data/train/2KI/2KI_007_Verse_009.mp3,"Esi fiẽ ɖo la, wotsi tsitre heyi Aramtɔwo ƒe asaɖa me. Esi woɖo asaɖa la ƒe gbɔto la, womekpɔ ame aɖeke le afi ma o" data/train/2KI/2KI_015_Verse_000.mp3,"Ale nya si Yehowa gblɔ na Yehu be, “Wò dzidzimeviwo aɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi” la va eme." data/train/2KI/2KI_012_Verse_005.mp3,"Eŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Bet Milo, le Sila mɔ dzi." data/train/2KI/2KI_005_Verse_027.mp3,"Ɖe Abana kple Farpar, Damasko tɔsisiwo menyo wu tsi siwo katã le Israel oa? Ɖe nyemate ŋu ale tsi le wo me akpɔ dɔyɔyɔ oa?” Ale wòtrɔ dzo kple dziku." data/train/2KI/2KI_004_Verse_033.mp3,"Nyɔnu la gblɔ na srɔ̃a be, “Menya be ŋutsu sia, si va toa míaƒe mɔ dzi le afi sia edziedzi la nye Mawu ƒe ame kɔkɔe." data/train/2KI/2KI_022_Verse_019.mp3,"“Yi Hilkia, nunɔlagã la gbɔ wòaƒo ƒu ga si wotsɔ va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, si nye ga si agbonudzɔlawo xɔ tso ameawo si la da ɖi." data/train/2KI/2KI_004_Verse_015.mp3,"Elisa yɔ Gehazi eye wògblɔ nɛ be, “Yɔ Sunami nyɔnu la vɛ.” Eyi ɖayɔe. Esi nyɔnu la va la, egblɔ nɛ be, “Xɔ viwò ŋutsuvi la.”" data/train/2KI/2KI_011_Verse_001.mp3,Ale wolée le Sɔgbo la nu le fiasã la me eye wowui le afi ma. data/train/2KI/2KI_003_Verse_016.mp3,"Ke egawɔ nu vɔ̃ si Yeroboam, Nebat ƒe vi wɔ elabena eya hã kplɔ Israelviwo de legbawo subɔsubɔ me." data/train/2KI/2KI_015_Verse_003.mp3,"Esi wòku la, via Pekahia zu fia ɖe eteƒe." data/train/2KI/2KI_025_Verse_004.mp3,"Azɔ Babilonia fia Nebukadnezar tsɔ Gedalia, Ahikam ƒe vi kple Safan ƒe tɔgbuiyɔvi ɖo mɔmefiae ɖe ame siwo susɔ ɖe Yuda la nu." data/train/2KI/2KI_023_Verse_026.mp3,"Le ŋkeke mawo me la, Egipte fia Farao Neko ho yi Frat tɔsisi la to be yeakpe ɖe Asiria fia ŋu. Fia Yosia ho yi be yeawɔ aʋa kplii, ke Fia Farao Neko wu Fia Yosia esi wòkpɔe le Megido." data/train/2KI/2KI_017_Verse_038.mp3,Wosubɔa Yehowa hã. Woɖo nunɔlawo tso woawo ŋutɔ dome be woasa vɔ na Yehowa le vɔsamlekpui siwo nɔ toawo dzi la dzi. data/train/2KI/2KI_006_Verse_018.mp3,"Fia la gblɔ nɛ be, “Ne Yehowa mekpe ɖe ŋuwò o ɖe, nu ka nye, amegbetɔ mate ŋu awɔ? Nuɖuɖu alo wain mele asinye mana wò o." data/train/2KI/2KI_021_Verse_010.mp3,"Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe fofoa, Manase, ene." data/train/2KI/2KI_002_Verse_005.mp3,"Elisa tso Yeriko yi Betel. Esi wònɔ zɔzɔm le mɔa dzi la, ŋutsuvi sue aɖewo tso dua me va nɔ fewu ɖum le eŋu be, “Dzo le afi sia, Elisa tabebetɔ.”" data/train/2KI/2KI_008_Verse_008.mp3,Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab kple Israel fia bubuawo ene. Eɖe Ahab ƒe vinyɔnu eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. data/train/2KI/2KI_021_Verse_011.mp3,Ewɔ nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔ eye wòsubɔ legba siwo katã fofoa subɔ. data/train/2KI/2KI_005_Verse_010.mp3,"Elisa ɖo dɔla aɖe ɖa be wòagblɔ na Naaman be, “Yi nàdo ɖi ɖe Yɔdan me zi adre, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo eye nàkpɔ dɔyɔyɔ.”" data/train/2KI/2KI_023_Verse_011.mp3,Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si fofoawo hã wɔ ene. data/train/2KI/2KI_002_Verse_024.mp3,"Tete Eliya gblɔ nɛ be “Elisa, nɔ afi sia elabena Yehowa dɔm ɖe Yeriko.” Ke Elisa gaɖo eŋu be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi Yeriko." data/train/2KI/2KI_017_Verse_021.mp3,"Ke esi Asiriatɔ siawo mesubɔa Yehowa esi wova ɖo anyigba la dzi enumake o ta la, Yehowa ɖo dzatawo ɖa wowu wo dometɔ aɖewo." data/train/2KI/2KI_005_Verse_022.mp3,"Naaman gblɔ nɛ be, “Ne màxɔ wo o la, meɖe kuku, na wò dɔla naka anyi si tedzi eve ate ŋu atsɔ la nam elabena wò dɔla magasa numevɔ kple vɔsa bubuwo na Mawu bubu aɖeke o, negbe Yehowa ko." data/train/2KI/2KI_006_Verse_014.mp3,"Esi nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ati aɖe tsom la, eƒe fia do le fiati la me eye wòge ɖe tɔsisi la me. Nusrɔ̃la la do ɣli enumake be, “Oo, nye aƒetɔ, ɖe meɣe fia la hafi!”" data/train/2KI/2KI_022_Verse_000.mp3,"Ale nunɔla Hilkia, Ahikam, Akbor, Safan kple Asaya yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu Nyagblɔɖila sia nye Tikva ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Harhas si dzi Tikva nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla." data/train/2KI/2KI_010_Verse_026.mp3,"“Ne agbalẽ sia ka mia si ko la, zi ale si miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo le mia gbɔ eye tasiaɖamwo kple sɔwo kple du si woɖo gli ƒo xlãe kple aʋawɔnuwo le mia si la," data/train/2KI/2KI_003_Verse_010.mp3,Esia nye nu bɔbɔe le Yehowa ŋkume. Atsɔ Moab hã ade asi na wò. data/train/2KI/2KI_002_Verse_000.mp3,"Azɔ la, Yeriko dumegãwo va kpɔ Elisa eye wogblɔ nɛ be, “Nane le fu ɖem na mí. Wò ŋutɔ ènya be wotso du sia ɖe teƒe nyui aɖe, ke míaƒe tsi menyo o, eye wònana fu gena le míaƒe funɔwo ƒo.”" data/train/2KI/2KI_016_Verse_006.mp3,"Esi Ahaz ku la, woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ le David ƒe du la me. Ke via Hezekia zu fia ɖe eteƒe." data/train/2KI/2KI_014_Verse_000.mp3,"Amazia wɔ nu si dze Yehowa ŋu. Togbɔ be mede tɔgbuia David nu o hã la, enye fia nyui aɖe abe fofoa Yoas ene." data/train/2KI/2KI_015_Verse_027.mp3,"Peka, Remalia ƒe vi, aʋafiawo dometɔ ɖeka wɔ babla kple Gileadtɔ blaatɔ̃ ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Samaria. Wowu Argɔb kple Arieh kpe ɖe eŋu. Ale Peka zu fia yeye la." data/train/2KI/2KI_014_Verse_010.mp3,Fia Yehoas lɔ sika kple klosalo kple sikakplu siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔa me kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo katã hekpe ɖe awɔbamewo ŋu eye wògbugbɔ yi Samaria. data/train/2KI/2KI_004_Verse_031.mp3,"Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka yi gbe me be yeadi amagbe aɖe vɛ. Egbɔ kple amagbe aɖewo siwo treklɔnuwo le wo ŋu, tsɔ wo ɖo dzo dzi, ke menya be aɖi le wo me o." data/train/2KI/2KI_010_Verse_015.mp3,"Esi ŋu ke la, Yehu do go. Etsi tsitre ɖe ameawo katã ŋkume hegblɔ be, “Mia tɔ dzɔ. Nyee ɖo nugbe ɖe nye aƒetɔ ŋu eye mewui, ke ame kae wu ame siawo katã?" data/train/2KI/2KI_025_Verse_014.mp3,Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ dzoɖesonuwo kple tre siwo me wokɔa lãwo ƒe ʋu ɖo la dzoe. Wowɔ nu siawo katã kple sika nyuitɔ alo klosalo. data/train/2KI/2KI_008_Verse_007.mp3,"Elisa ɖo eŋu be, “Gblɔ nɛ be ahaya gake Yehowa ɖee fiam be ele kuku ge godoo!”" data/train/2KI/2KI_010_Verse_030.mp3,Yehu gaɖo amewo ɖe Israelnyigba dzi eye Baal nunɔlawo katã va; wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã megbe vava o. Womimi wo ɖokuiwo ɖe Baal ƒe gbedoxɔ la me woyɔ gbedoxɔ la ƒe afi sia afi kpikpikpi. data/train/2KI/2KI_025_Verse_029.mp3,"Wowu Zedekia ƒe viwo le eya ŋutɔ ƒe ŋkume. Emegbe la, wogbã eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo, de akɔblikɔsɔkɔsɔe eye wokplɔe yi Babilonia." data/train/2KI/2KI_021_Verse_006.mp3,"Esi wòku la woɖii ɖe eƒe aƒe ƒe abɔ si nye Uza ƒe abɔ le fiasã la me, eye via Amon ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/2KI/2KI_024_Verse_000.mp3,"Babilonia fia tsɔ Fia Yehoyatsin ƒe nyruiyɔvi, Matania ɖo fiae eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be Zedekia." data/train/2KI/2KI_018_Verse_006.mp3,Elé ɖe Yehowa ŋu eye megbugbɔ le eyome o. Elé se siwo katã Yehowa de na Mose la me ɖe asi. data/train/2KI/2KI_002_Verse_002.mp3,"Elisa gblɔ na wo be, “Enyo, miku dze ɖe agba yeye aɖe me vɛ nam.” Wowɔ nenema." data/train/2KI/2KI_013_Verse_017.mp3,"Mlɔeba la, Yehowa na sɔdola blaatɔ̃ kple tasiaɖam ewo kple aʋawɔla akpe ewo (10,000) ko susɔ ɖe Fia Yeroboam ƒe aʋakɔ me elabena Siria fia tsrɔ̃ ame bubuawo abe ʋuʋudedi wonye le eƒe afɔ te ene." data/train/2KI/2KI_023_Verse_015.mp3,"Eɖe trɔ̃nua siwo Yuda fia xoxowo ɖo be woado dzudzɔ ʋeʋĩ le nuxeƒewo le Yuda duwo kple du siwo ƒo xlã Yerusalem la ɖa, ame siwo do dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal, ɣe kple ɣleti, ɣletiviwo kple dziƒoŋunuwo." data/train/2KI/2KI_013_Verse_021.mp3,"Woŋlɔ Yehoas ƒe fiaɖuɖu, aʋa siwo wòwɔ kple Yuda fia Amazia la ƒe ŋutinyawo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me." data/train/2KI/2KI_020_Verse_014.mp3,"“Trɔ nàyi ɖagblɔ na Hezekia, nye dukɔ ƒe kplɔla be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mese wò gbedodoɖa eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Mayɔ dɔ wò. Ŋkeke etɔ̃ tso egbe sia dzi la, àyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me." data/train/2KI/2KI_001_Verse_000.mp3,"Ale Ahazia ku abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi to Eliya dzi la ene eye nɔvia Yehoram zu fia ɖe eteƒe elabena viŋutsu aɖeke menɔ esi aɖu fia ɖe eyome o. Nya sia dzɔ le Yuda fia Yehoram, Yehosafat ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me." data/train/2KI/2KI_017_Verse_004.mp3,Ame siwo tso Babilonia la subɔa woƒe mawu Sukot Benot. Ame siwo tso Kuta la subɔa woƒe mawu Nergal eye ame siwo tso Hamat la subɔa Asima. data/train/2KI/2KI_020_Verse_001.mp3,"Hafi Yesaya nado le xɔxɔnu titinatɔ me la, Yehowa ƒe gbe va nɛ bena," data/train/2KI/2KI_012_Verse_020.mp3,"Yoas gblɔ na nunɔlawo be, “Miƒo ƒu ga siwo katã wotsɔ vɛ na Yehowa abe nunana kɔkɔewo ene, ga si miekpɔ le amexexlẽ la me, ga si ka mia si, si nye amewo ƒe adzɔgbeɖeɖewo kple lɔlɔ̃nununana si amewo tsɔ va gbedoxɔ la me." data/train/2KI/2KI_018_Verse_007.mp3,"Eliakim, Hilkia ƒe vi, Sebna kple Yoa gblɔ na wo be, “Míeɖe kuku ƒo nu na mí le Aramgbe me elabena míese Aramgbe. Migaƒo nu na mí le Hebrigbe me o: ame siwo le glia dzi la ava se míaƒe nyawo.”" data/train/2KI/2KI_019_Verse_013.mp3,"Esi Fia Hezekia ƒe ame dɔdɔwo va Yesaya gbɔ la," data/train/2KI/2KI_004_Verse_039.mp3,"Sẽe ko la, zeawo kple gagbaawo katã yɔ banabana! Nyɔnu la gblɔ na via ŋutsuawo be, “Migatsɔ ze bubu vɛ.” Woɖo eŋu nɛ be, “Ze aɖeke megali o!” Ale ami la dzudzɔ dodo le atukpa la me." data/train/2KI/2KI_004_Verse_017.mp3,"Esi dɔla la kɔe yi na dadaa la, ɖevi la nɔ akɔ nɛ va se ɖe ŋdɔ me eye ɖevi la ku." data/train/2KI/2KI_014_Verse_028.mp3,"Yeroboam Evelia gbugbɔ Israel ƒe anyigba xɔ tso Lebo Hamat va se ɖe Araba ƒu la nu abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe do ŋgɔ to Yona, Amitai ƒe vi, ame si nye Nyagblɔɖila tso Gat Hefer dzi la ene." data/train/2KI/2KI_009_Verse_024.mp3,"Fia Yoram trɔ eƒe tasiaɖam la kaba eye wòsi dzo yina. Edo ɣli gblɔ na Fia Ahazia be, “Ahazia, nugbeɖoɖoe!”" data/train/2KI/2KI_015_Verse_016.mp3,"Israel fia yeye lae nye Zekaria, fofoae nye Yeroboam Evelia. Eɖu fia ɣleti ade ko. Edze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia Azaria ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyilia me." data/train/2KI/2KI_014_Verse_002.mp3,Amaziae wu Edomtɔ akpe ewo le Dze Balime. Exɔ Sela du la hã eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ bena Yɔkteel. Ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe. data/train/2KI/2KI_006_Verse_027.mp3,Ke eyi kpli wo. Woɖo Yɔdan tɔsisi la to eye wode asi atiawo tsotso me. data/train/2KI/2KI_020_Verse_017.mp3,"Yesaya biae be, “Nu kawoe wokpɔ le wò fiasã me?” Hezekia ɖo eŋu be, “Metsɔ nye kesinɔnuwo katã fia wo.”" data/train/2KI/2KI_003_Verse_026.mp3,"Yehosafat gblɔ be, “Ahã, eyae nye ame si tututu dim míele; Yehowa ƒe nya le esi.” Ale Israel kple Yuda kple Edom ƒe fiawo yi ɖabia gbe Elisa." data/train/2KI/2KI_022_Verse_004.mp3,"Esi fia la se Segbalẽ la me nyawo la, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòdze eƒe awuwo." data/train/2KI/2KI_008_Verse_027.mp3,Yoram xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe enyi. data/train/2KI/2KI_017_Verse_007.mp3,Avitɔwo subɔa woƒe mawu siwo nye Nibhaz kple Tartak eye Sefartɔwo tsɔa wo viwo gɔ̃ hã saa numevɔe le woƒe mawu siwo nye Adramelek kple Anamelek la ƒe vɔsamlekpuiwo dzi. data/train/2KI/2KI_008_Verse_002.mp3,Ale Edom do le Yuda ƒe kɔkuti te va se ɖe egbe. Libna hã dze aglã ɣe ma ɣi tututu. data/train/2KI/2KI_008_Verse_018.mp3,"Hazael gblɔ be, “Avue menyea? Nyemawɔ nu ma tɔgbi gbeɖegbeɖe o!” Ke Elisa ɖo eŋu be, “Yehowa na menya be wòe ava zu fia le Siria.”" data/train/2KI/2KI_017_Verse_036.mp3,Woli aƒeliwo heli aƒeliwo ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te. data/train/2KI/2KI_007_Verse_008.mp3,"Elisa gblɔ be, “Mise Yehowa ƒe gbe. Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Etsɔ ɣe aleawo ɣi la, wɔ gram wuieve axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Samaria ƒe agbo nu.’ ”" data/train/2KI/2KI_017_Verse_010.mp3,"Elabena Yehowa gblɔ be, “Migaŋlɔ nubabla si mewɔ kpli mi la be o. Migasubɔ mawu bubuwo gbeɖegbeɖe o." data/train/2KI/2KI_021_Verse_003.mp3,"Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòli aƒeli abe ale si Ahab, Israel fia, wɔ la ene. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo." data/train/2KI/2KI_025_Verse_015.mp3,"Gedalia ka atam na wo be, “Migavɔ̃ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo o. Minɔ anyigba sia dzi eye miasubɔ Babilonia fia la, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie.”" data/train/2KI/2KI_013_Verse_003.mp3,"Elisa gblɔ be, “Tsɔ datiawo.” Eye fia la tsɔ wo. Elisa gblɔ nɛ be, “Tsɔ datiawo te anyigba.” Fia la te anyigba zi etɔ̃ eye wòdzudzɔ." data/train/2KI/2KI_009_Verse_020.mp3,"‘Etsɔ si va yi la mekpɔ Nabɔt ƒe ʋu kple viawo ƒe ʋu. Yehowae gblɔe eye makpɔ egbɔ be, exɔ tohehe ɖe nu sia ta le anyigba sia dzi. Yehowae gblɔe.’ Eya ta azɔ la kɔe ƒu gbe ɖe anyigba ma dzi le Yehowa ƒe nya la nu.”" data/train/2KI/2KI_003_Verse_008.mp3,"Esi wofɔ ŋdi kanya la, ɣe nɔ keklẽm ɖe tsia dzi eye hena Moabtɔ siwo nɔ tɔa godo la, wokpɔ tsi la wòbiã dzẽ abe ʋu ene." data/train/2KI/2KI_003_Verse_020.mp3,"Ke Yuda fia, Yehosafat biae be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke mele mía dome oa? Ne eli la, ekema míate ŋu ana wòagblɔ nu si míawɔ la na mí.” Israel fiaŋumewo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Elisa, Safat ƒe viŋutsu le afi sia, Eliya ƒe kpeɖeŋutɔe wònye!”" data/train/2KI/2KI_008_Verse_024.mp3,"Le Yoram ƒe fiaɖuɣi la, Edomtɔwo dze aglã, ɖe wo ɖokui ɖa tso Yuda te eye woɖo fia na wo ɖokui." data/train/2KI/2KI_016_Verse_005.mp3,Esaa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi. data/train/2KI/2KI_006_Verse_023.mp3,"Gbe ɖeka esime Israel fia nɔ tsa ɖim to dua ƒe gli dzi la, nyɔnu aɖe yɔe, gblɔ nɛ be, “Kpe ɖe ŋunye, nye aƒetɔ kple nye fia!”" data/train/2KI/2KI_013_Verse_018.mp3,Siria fia Hazael ku eye via Ben Hadad ɖu fia ɖe eteƒe. data/train/2KI/2KI_004_Verse_003.mp3,"Egblɔ na eƒe subɔla, Gehazi be, “Yɔ Sunami nyɔnu la nam.” Gehazi yi ɖayɔe eye wòva tsi tsitre ɖe Elisa ŋkume." data/train/2KI/2KI_006_Verse_000.mp3,Ale Israel fia la dɔ amewo ɖa be woayi aɖakpɔ teƒe si Mawu ƒe ame la fia. Elisa xlɔ̃ nu Israel fia enuenu tso nu siawo ƒomevi ŋuti ale wònɔa ŋudzɔ ɖe teƒe mawo ŋuti. data/train/2KI/2KI_007_Verse_018.mp3,Wodi tasiaɖamŋusɔ ene eye fia la ɖo tasiaɖamŋusɔdola eve ɖa be woakpɔ afi si Siriatɔwo yi. data/train/2KI/2KI_025_Verse_001.mp3,"Ale aʋafia, Nebuzaradan kplɔ wo katã yi na Babilonia fia le Ribla." data/train/2KI/2KI_002_Verse_015.mp3,"Esime wonɔ zɔzɔm, nɔ dze ɖom la, dzotasiaɖam kple sɔwo ɖiɖi va ma wo kple evea dome eye Eliya to ahom la me yi dziƒo." data/train/2KI/2KI_018_Verse_016.mp3,"Hena ga home sia kpɔkpɔ la, Fia Hezekia dzra klosalo si wodzra ɖo ɖe gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me." data/train/2KI/2KI_001_Verse_002.mp3,"Azɔ la, Ahazia ge tso eƒe fesre nu le eƒe dziƒoxɔ dzi le Samaria eye nuvevi wɔe eya ta wòdɔ dɔlawo gblɔ na wo be, “Miyi miabia nu le Ekrontɔwo ƒe mawu, Baal Zebub gbɔ nam ne miakpɔe ɖa be mahaya tso dɔléle sia me mahã.”" data/train/2KI/2KI_019_Verse_024.mp3,"“ ‘Ke menya afi si nèle, wò dodo kple gbɔgbɔ kple ale si nèdo dziku ɖe ŋutinye." data/train/2KI/2KI_009_Verse_003.mp3,"Ale Yehu dzo le ehatiwo dome heyi aƒea me. Nusrɔ̃la la kɔ ami la ɖe tame nɛ eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mesi ami na wò eye meɖo wò fiae ɖe Yehowa ƒe dukɔ, Israel nu." data/train/2KI/2KI_004_Verse_043.mp3,"Ɖevi la gblɔ na fofoa be, “Nye ta! Nye ta!” Fofoa gblɔ na dɔla ɖeka be, “Kɔe yi na dadaa.”" data/train/2KI/2KI_024_Verse_010.mp3,"Fia Nebukadnezar kplɔ Fia Yehoyatsin, srɔ̃awo kple eƒe aɖaŋudelawo kple dadaa yi Babilonia." data/train/2KI/2KI_009_Verse_022.mp3,Eƒe dɔlawo kɔe de tasiaɖam me yi Yerusalem eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ ɖe eƒe yɔdo me le David ƒe du la me. data/train/2KI/2KI_001_Verse_010.mp3,"Fia la gaɖo aʋakplɔla kple ame blaatɔ̃ bubu ɖa. Azɔ ya la, aʋakplɔla la dze klo ɖe Eliya ƒe akɔme eye wòɖe kuku nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, meɖe kuku, na nye kple wò dɔla blaatɔ̃ siawo míatsi agbe." data/train/2KI/2KI_015_Verse_029.mp3,"Pul, Asiria fia ho aʋa ɖe Israel ŋu eye Menahem tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu fiaɖuƒe la nanɔ ye si." data/train/2KI/2KI_021_Verse_014.mp3,"Gawu la, magbe nu le nye ame ʋɛ siwo asusɔ la gɔ̃ hã gbɔ eye matsɔ wo ade asi na woƒe futɔwo" data/train/2KI/2KI_019_Verse_001.mp3,"Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive eye wònɔ afi ma." data/train/2KI/2KI_009_Verse_000.mp3,Ahazia ƒe fiaɖuɖu ɖe Yuda dzi dze egɔme le Ahab ƒe vi Yoram ƒe fiaɖuɖu ɖe Israel dzi ƒe ƒe wuiɖekɛlia me. data/train/2KI/2KI_018_Verse_017.mp3,"Hezekia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi kple woƒe aƒeliwo. Eho aƒeliwo, hegbã akɔblida si Mose wɔ eye wona ŋkɔe be Nehustan elabena va se ɖe fifia la, Israelviwo gadoa dzudzɔ nɛ." data/train/2KI/2KI_008_Verse_022.mp3,"Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖamwo katã ho yi Zair. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe wo kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo. Ke eƒe amewo si yi aƒe." data/train/2KI/2KI_018_Verse_009.mp3,Etsɔ sika si wofa ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ŋu kple esi eya ŋutɔ fa ɖe ʋɔtrutiwo ŋu gɔ̃ hã la katã na Asiria fia. data/train/2KI/2KI_020_Verse_003.mp3,"Hezekia gblɔ nɛ be, “Enye nu bɔbɔe be vɔvɔli nayi ŋgɔ ɖoƒe ewo, eya ta na wòayi megbe ɖoƒe ewo boŋ.”" data/train/2KI/2KI_018_Verse_029.mp3,"Nya kae dzɔ ɖe Hamat, Arpad, Sefarvaim, Hena kple Iva ƒe mawuwo dzi? Ɖe woɖe Samaria?" data/train/2KI/2KI_010_Verse_018.mp3,"Ke megbã sikanyivi si nɔ Betel kple Dan ya o. Sikanyivi siawo nye Yeroboam, Nebat ƒe vi ƒe nu vɔ̃ elabena ehe Israel blibo la de nu vɔ̃ me." data/train/2KI/2KI_001_Verse_008.mp3,"Eɖo aʋakplɔla ɖeka kple asrafo blaatɔ̃ ɖa be woayi aɖalée vɛ. Wokpɔe wònɔ anyi ɖe togbɛ aɖe dzi. Aʋakplɔla la gblɔ nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, fia la ɖe gbe be nàzɔ kpli mí ava ye gbɔ.”" data/train/2KI/2KI_013_Verse_005.mp3,"Elisa gblɔ be “Ʋu fesre si le ɣedzeƒe lɔƒo.” Fia la ʋui. Elisa gblɔ be, “Dae” Eye fia la dae. Elisa gblɔ be “Esiae nye Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ si miatsɔ aɖu Siria dzi. Àtsrɔ̃ Syriatɔwo gbidigbidi le Afek.”" data/train/2KI/2KI_023_Verse_003.mp3,Egbã vɔsamlekpui kple nuxeƒe si Yeroboam Gbãtɔ tu ɖe Betel esime wòhe Israel de nu vɔ̃ me. Egbã kpeawo wozu ʋuʋudedi eye wòtɔ dzo aƒeliwo. data/train/2KI/2KI_003_Verse_019.mp3,"Ke le Ahab ƒe ku megbe la, Moab fia dze aglã ɖe Israel ŋu." data/train/2KI/2KI_003_Verse_012.mp3,"eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Miɖe ʋewo ɖe bali sia me’," data/train/2KI/2KI_020_Verse_004.mp3,"Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be," data/train/2KI/2KI_016_Verse_001.mp3,"Ahaz xɔ ƒe blaeve esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiade. Mewɔ nu si dzɔ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume abe ale si tɔgbuia, Fia David wɔ ene o." data/train/2KI/2KI_002_Verse_003.mp3,"Elisa kpɔe eye wòdo ɣli sesĩe be, “Fofonye! Fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!” Esi wobu ɖee la, etsɔ eya ŋutɔ ƒe awu eye wòdzee." data/train/2KI/2KI_009_Verse_037.mp3,"Yehu trɔ yi xɔlɔ̃awo gbɔ eye wo dometɔ ɖeka biae be, “Nu ka dim aɖaʋatɔ ma le? Nya kae dzɔ?” Yehu ɖo eŋu be, “Mienya ame si wònye kple nu si dim wòle la nyuie.”" data/train/2KI/2KI_001_Verse_003.mp3,Azɔ nu si Yehowa gblɔe nye esi. ‘Màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o; àku godoo!’ ” Ale Eliya yi. data/train/2KI/2KI_006_Verse_004.mp3,"Aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia bubutɔ, menye míawoe o, Elisa, nyagblɔɖila la gblɔa nya si nègblɔ le bebeme le wò xɔ gã me la na Israel fia la!”" data/train/2KI/2KI_005_Verse_013.mp3,"Esi wòyi eƒe aƒetɔ gbɔ la, Elisa biae be, “Gehazi, afi ka nètso?” Gehazi ɖo eŋu be, “Wò dɔla medo yi afi aɖeke o.”" data/train/2KI/2KI_023_Verse_007.mp3,"Eho aƒeli la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, tsɔe yi Yerusalem godo yi ɖe Kidron tɔʋu la gbɔ. Etɔ dzoe le afi ma, tui wòzu wɔ eye wòkaka wɔ la ɖe ame gblɔewo ƒe yɔdowo dzi." data/train/2KI/2KI_010_Verse_033.mp3,"Yehu gblɔ nɛ be, “Azɔ, va míyi eye nàkpɔ ale si mele dɔ wɔm kple dzoe na Yehowa ɖa.” Ale Yehonadab nɔ tasiaɖam la me kplii eye wodzo." data/train/2KI/2KI_009_Verse_033.mp3,"Yehu fɔ kɔ dzi, kpɔ Yezebel le fesre la nu eye wòdo ɣli bia be, “Ame kawoe le dzinye?” Ŋutsu tata eve alo etɔ̃ do mo ɖe fesre la nu kpɔe ɖo ɖa." data/train/2KI/2KI_007_Verse_010.mp3,"Fia la fɔ eye wògblɔ na aʋakplɔlawo be, “Menya nu si dzɔ, Siriatɔwo nya be dɔ to le míaƒe anyigba dzi, ale wodzo le woƒe asaɖa la me ɖabe ɖe gbedzi be yewoable mí míado le dua me, ekema yewoadze mía dzi, aɖe aboyo mí eye yewoage ɖe dua me.”" data/train/2KI/2KI_010_Verse_029.mp3,Woŋlɔ Yehu ƒe wɔna mamlɛawo ɖe Israel Fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. data/train/2KI/2KI_009_Verse_032.mp3,"Woɖo eŋu be, “Ao, míenya o, gblɔe na mí.” “Egblɔ nya si nusrɔ̃la la gblɔ nɛ la na wo eye wòna wonya be woɖo ye fiae ɖe Israel nu!”" data/train/2KI/2KI_017_Verse_023.mp3,"Ke Israel meɖo to o. Wonye kɔlialiatɔwo abe wo fofowo ene eye womeka ɖe Yehowa, woƒe Mawu la dzi o." data/train/2KI/2KI_010_Verse_007.mp3,"edo go Yuda fia, Ahazia nɔviŋutsuwo le afi ma eye wòbia wo be, “Ame kawoe mienye?” Woɖo eŋu be, “Fia Ahazia ƒe ƒometɔwo míenye, míeyina Samaria be míakpɔ Fia Ahab kple fiasrɔ̃ Yezebel ƒe viwo ɖa.”" data/train/2KI/2KI_009_Verse_017.mp3,"Esi Yehu ge ɖe fiasã la me la, Yezebel do ɣli ɖe eta gblɔ be, “Wò, Zimri, wò amewula, nu ka dim nèle le afi sia?”" data/train/2KI/2KI_018_Verse_035.mp3,"Wobia tso Fia Hezekia si be wòava ƒo nu kple yewo, ke Hezekia ɖo Eliakim, Hilkia ƒe vi si nye eƒe asitsanyawo dzi kpɔla, Sebna, eƒe nuŋlɔla kple Yoa, Asaf ƒe vi, dukɔwo ƒe ŋutinyanyala ɖa be woabia ŋutifafa." data/train/2KI/2KI_023_Verse_014.mp3,Eɖe sɔ siwo ŋuti Yuda fiawo kɔ na ɣelegba la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mɔnu. Wonɔ xɔxɔnu si te ɖe dumegã aɖe si woyɔna be Natan Melek ƒe xɔnu. Ale Yosia tɔ dzo tasiaɖam siwo ŋuti wokɔ na ɣelegba la hã. data/train/2KI/2KI_020_Verse_009.mp3,Mada ƒe wuiatɔ̃ ɖe wò agbenɔƒewo dzi eye maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta le nye ŋkɔ kple nye dɔla David ta.’ ” data/train/2KI/2KI_012_Verse_002.mp3,"Ame siwo wui la woe nye: Yozakad, Simeat ƒe vi kple Yehozabad, Somer ƒe vi. Ame eve siawo nye fia la ƒe dɔla nuteƒewɔlawo hafi! Woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem eye via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/2KI/2KI_019_Verse_033.mp3,"“Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fia ɖu dukɔ siawo katã dzi" data/train/2KI/2KI_006_Verse_013.mp3,"Esi Israel fia kpɔ wo la, edo ɣli bia Elisa be, “Fofonye, ɖe mawu woa? Mawu woa?”" data/train/2KI/2KI_024_Verse_018.mp3,"Yehoyatsin xɔ ƒe wuienyi esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadae nye Nehusta, Elnatan ƒe vinyɔnu. Etso Yerusalem" data/train/2KI/2KI_025_Verse_002.mp3,"Ale, wòva eme le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi be Babilonia fia Nebukadnezar kplɔ eƒe aʋakɔ blibo la va ɖe to ɖe Yerusalem du la. Woƒu asaɖa anyi ɖe du la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la." data/train/2KI/2KI_017_Verse_014.mp3,"Esi Yehowa wɔ nubabla kple Israelviwo la, eɖoe na wo be, “Migasubɔ mawu bubu aɖeke o, miade ta agu na wo loo alo miasa vɔ na wo o." data/train/2KI/2KI_005_Verse_009.mp3,"Elisa gblɔ nɛ be, “Heyi le ŋutifafa me.” Ale Naaman trɔ ɖo ta wo de." data/train/2KI/2KI_003_Verse_007.mp3,"Esi Moab fia kpɔ be woɖu ye dzi la, ekplɔ yidala alafa adre be yewoadze agbagba mamlɛtɔ ayi aɖalé Edom fia. Ke esia hã medze edzi o." data/train/2KI/2KI_004_Verse_007.mp3,"Elisa fɔ tso abati la dzi eye wòɖi tsa sẽe le xɔa me. Egatrɔ de abati la dzi eye wògadrã ɖe ɖevi la dzi. Azɔ la, ɖevi la nye zi adre eye wòʋu eƒe ŋkuwo!" data/train/2KI/2KI_010_Verse_031.mp3,"Yehu gblɔ be, “Miƒo ƒu ameawo nu hena bubudede Baal ŋu.” Ale woɖe gbeƒã kpekpe sia." data/train/2KI/2KI_007_Verse_014.mp3,"Ke dumegã si ƒe abɔ ŋu fia la ziɔ ɖo la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Ne Yehowa aʋu dziƒo ƒe agbowo gɔ̃ hã la, ɖe nu sia ate ŋu ava mea?” Ke Elisa gblɔ nɛ be, “Àkpɔe wòava eme nenema pɛpɛpɛ, ke màɖu ɖeke o.”" data/train/2KI/2KI_013_Verse_006.mp3,"Elisa ku eye woɖii. Le ŋkeke mawo me la, adzohawo tsoa Moabnyigba dzi gena ɖe dukɔ la me ƒe sia ƒe ƒe adame hedaa adzo." data/train/2KI/2KI_013_Verse_020.mp3,"Woŋlɔ Yehoahaz ƒe ŋutinya mamlɛawo, nu siwo katã wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me." data/train/2KI/2KI_018_Verse_005.mp3,"Ègblɔ be, aʋawɔmɔnuwo kple aʋawɔwɔ ƒe ŋusẽ le ye si, ke nya dzodzrowo ko gblɔm nèle. Ame ka ŋue nèle ŋu ɖom ɖo hafi dze aglã ɖe ŋunye?" data/train/2KI/2KI_004_Verse_009.mp3,"Elisa gblɔ na Gehazi be, “Bla wò ali dzi, tsɔ nye atikplɔ ɖe asi eye nàƒu du. Ne èdo go ame aɖe la, mègado gbe nɛ o eye ne ame aɖe do gbe na wò la, mègalɔ̃ o. Tsɔ nye atikplɔ la da ɖe ɖevi la ƒe mo.”" data/train/2KI/2KI_009_Verse_027.mp3,"Matsrɔ̃ Ahab ƒe ƒome la abe ale si metsrɔ̃ Yeroboam, Nebat ƒe vi kple Baasa, Ahiya ƒe vi ƒe ƒomewo ene." data/train/2KI/2KI_002_Verse_017.mp3,"Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu la ƒo tsi la dzi. Ebia be, “Afi ka Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le azɔ?” Esi wòƒo tsia dzi la, tɔsisi la ma ɖe ɖusime kple miame siaa eye wòtso tɔsisi la." data/train/2KI/2KI_008_Verse_021.mp3,"Ke esi ŋu ke la, Hazael tsɔ kundru aɖe de tsi me eye wòtsɔe tsyɔ mo na fia Ben Hadad va se ɖe esime gbɔgbɔtsixe tsi eƒo eye wòku. Ale Hazael zu fia ɖe eteƒe." data/train/2KI/2KI_019_Verse_014.mp3,"Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye, eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la, matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò, made numega nu me na wò, eye mana mɔ si nèto va la nàgato eya ke dzi adzo.’" data/train/2KI/2KI_024_Verse_006.mp3,"Esi Yehoyakin nye fia la, Babilonia fia Nebukadnezar ƒe asrafowo ɖe to ɖe Yerusalem." data/train/2KI/2KI_009_Verse_031.mp3,Tete Yehu he eƒe da me kple eƒe ŋusẽ katã eye wòte Yehoram ƒe megbe kpam. Aŋutrɔ la ŋɔe yi ɖatɔ eƒe dzi eye wòmu dze tasiaɖam la me heku. data/train/2KI/2KI_016_Verse_008.mp3,Eto Israel fiawo ƒe ʋeme eye wòtsɔ Via ŋutsu gɔ̃ hã wɔ dzovɔsa eye wòdze ŋunyɔnu siwo ke dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ la yome. data/train/2KI/2KI_009_Verse_009.mp3,"Ekema tsɔ amigoe la eye nàkɔ ami la ɖe eƒe tame agblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: mesi ami na wò, ɖo wò fiae ɖe Israel dzi.’ Ekema nàʋu ʋɔa eye nàlé du atsɔ, mègatɔ o!”" data/train/2KI/2KI_005_Verse_012.mp3,"Esi nèwɔ esia ta la, Naaman ƒe anyidɔ la ava wò kple viwòwo kple wo tɔgbuiyɔviwo dzi tegbetegbe.” Anyi ƒo ɖe Gehazi ŋu enumake, eŋuti katã fu kpii eye wòzu anyidzela hafi do go le xɔa me." data/train/2KI/2KI_019_Verse_007.mp3,Elabena ame aɖewo asusɔ tso Yerusalem nɔlawo dome eye ame siwo tsi agbe la ado tso Zion to la dzi. “Yehowa Ŋusẽkatãtɔ ƒe didi vevie ana esia nava eme. data/train/2KI/2KI_025_Verse_017.mp3,"Ke aʋafia Nebuzaradan ɖe aboyo dua me tɔ mamlɛawo, kple ame siwo si yi Babilonia fia gbɔ kpakple ameha la ƒe susɔea." data/train/2KI/2KI_023_Verse_006.mp3,"Egipte fia la tia Eliakim, Fia Yosia ƒe viŋutsu bubu be wòaɖu fia le Yerusalem eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ wòzu Yehoyakim. Ekplɔ Fia Yehoahaz yi Egipte, afi si wòku ɖo." data/train/2KI/2KI_015_Verse_017.mp3,"Ke Zekaria nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume, abe fofoawo ene. Ena Israel wɔ nu vɔ̃ to legbawo subɔsubɔ me abe Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi ene." data/train/2KI/2KI_018_Verse_002.mp3,"Aʋafia la gblɔ na wo be, “Gblɔ na Hezekia be, “Ale Asiria fia, fiagã la gblɔe nye esi: ‘Nu ka dzie nètu wò dzideƒo sia ɖo?" data/train/2KI/2KI_009_Verse_008.mp3,"Ege ɖe fiasã la me heɖu nu eye wòno nu le afi ma. Le esia megbe la, egblɔ be, “Ame aɖe nayi aɖaɖi nyɔnu fiƒodeme sia elabena fia vinyɔnue.”" data/train/2KI/2KI_019_Verse_015.mp3,"“Esia anye dzesi na wò, Oo Hezekia: “Ƒe sia me la, miaɖu nuku siwo mie le wo ɖokui si, ne ƒe trɔ la, miagaɖu esiwo susɔ. Ke le ƒe etɔ̃lia me la, miaƒã nu, miaxa nu, miade waingble eye miaɖu eme kutsetsewo." data/train/2KI/2KI_008_Verse_001.mp3,"Ahazia xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia ƒe ɖeka ko le Yerusalem. Dadae nye Atalia, Israel fia, Omri ƒe tɔgbuiyɔvi." data/train/2KI/2KI_003_Verse_014.mp3,"Israel fia do ɣli be, “Oo, nu ka míawɔ? Yehowa kplɔ mí va afi sia be yeana Moab fia naɖu mía dzi!”" data/train/2KI/2KI_014_Verse_015.mp3,Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe. data/train/2KI/2KI_004_Verse_001.mp3,"Azɔ la, nyɔnu aɖe si tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃wo dome la va fa avi na Elisa be, “Wò dɔla, srɔ̃nye ku eye wò ŋutɔ ènya ale si wòvɔ̃a Yehowae. Ke azɔ la, ame si si wònyi fe le la va be yeakplɔ vinye ŋutsuvi eveawo woazu yeƒe kluviwo.”" data/train/2KI/2KI_025_Verse_000.mp3,"Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo kple akɔblizɔ kple ete ƒe afɔtiwo ŋuti, siwo Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ la, mele dada me o." data/train/2KI/2KI_023_Verse_012.mp3,"Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoawo wɔ ene." data/train/2KI/2KI_004_Verse_025.mp3,"Gbe ɖeka la, Elisa yi Sunem eye nyɔnu kesinɔtɔ aɖe nɔ afi ma ame si ƒoe ɖe enu be wòatsi ye gbɔ aɖu nu. Ale ne egava to mɔ ma yina la, etɔna ɖe afi ma be yeaɖu nu." data/train/2KI/2KI_015_Verse_005.mp3,"Ewɔ nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa, Uzia, wɔ ene." data/train/2KI/2KI_008_Verse_013.mp3,"Fia la bia nyɔnu la be, “Nyateƒea?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyateƒee!” Ale fia la ɖe gbe na eŋumewo dometɔ ɖeka be wòakpɔ egbɔ be nu sia nu si nye nyɔnu la tɔ kpɔ la naka esi eye be woaxe fe nɛ ɖe nuku siwo woxa le eƒe anyimanɔmanɔ me la nu." data/train/2KI/2KI_001_Verse_015.mp3,Woŋlɔ nu bubuwo tso Ahazia ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. data/train/2KI/2KI_019_Verse_031.mp3,"O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa." data/train/2KI/2KI_004_Verse_002.mp3,"Ebla akpa na tedzi la eye wògblɔ na eƒe dɔla la be, “Doe sesĩe, mègadoe ɖɔɖɔɖɔ nam o, negbe megblɔe na wo hafi.”" data/train/2KI/2KI_007_Verse_017.mp3,Tete ameawo do go le Samaria dua me yi ɖaha nuwo le Aramtɔwo ƒe asaɖa me. Ale wɔ gram wuieve xɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene xɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Yehowa ƒe nya nu. data/train/2KI/2KI_018_Verse_032.mp3,"Togbɔ be nèle dzi ɖom ɖe Egipte ŋu be wòana tasiaɖamwo kple sɔdolawo wò hã la, aleke nàte ŋu awɔ aɖu nye aƒetɔ ƒe aʋafiawo dometɔ suetɔ gɔ̃ hã dzi?" data/train/2KI/2KI_013_Verse_007.mp3,"Enye fia vɔ̃ɖi aɖe eye wòto Fia Yeroboam, ame si he Israel de nu vɔ̃ me la ƒe mɔ vɔ̃wo dzi." data/train/2KI/2KI_019_Verse_037.mp3,"Ɖewohĩ, Yehowa, wò Mawu la se ale si Asiriatɔwo ƒe aʋafia la tsi tsitre ɖe Mawu gbagbe la ŋu eye wòaka mo nɛ. Oo, do gbe ɖa ɖe mí ame ʋɛ siwo susɔ la ta.’ ”" data/train/2KI/2KI_021_Verse_015.mp3,"Hekpe ɖe legbasubɔsubɔ si Yehowa lé fui, subɔsubɔ si me Manase he ameawo dee ŋu la, Manase wu ame maɖifɔ geɖewo eye ame siwo wòwu la ƒe kukuawo xɔ Yerusalem ƒe akpa sia akpa." data/train/2KI/2KI_017_Verse_026.mp3,"Ke Yehowa, ame si ɖe mi tso Egipte kple ŋusẽ triakɔ kple abɔ, si wòdo ɖe dzi lae nye ame si wòle be miasubɔ. Eyae migade ta agu na eye eyae miasa vɔwo na." data/train/2KI/2KI_012_Verse_014.mp3,"Ne tsitrenuɖaka la yɔ la, fia ƒe gaŋutinyaŋlɔla kple nunɔlagã la xlẽa ga la, denɛ kotokuwo me" data/train/2KI/2KI_021_Verse_013.mp3,"Gawu la, egbe nu le Yehowa, fofoawo ƒe Mawu la gbɔ eye mezɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o." data/train/2KI/2KI_023_Verse_025.mp3,"Le esia megbe la, fia la do gu Tofet si nɔ Ben Hinom ƒe Balime, ale be ame aɖeke magate ŋu atsɔ via ŋutsuvi alo via nyɔnuvi awɔ dzovɔsae na Molek o." data/train/2KI/2KI_025_Verse_008.mp3,"Emegbe la, Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ." data/train/2KI/2KI_019_Verse_004.mp3,"Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Ke egadɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be," data/train/2KI/2KI_020_Verse_020.mp3,"Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe." data/train/2KI/2KI_001_Verse_006.mp3,"Eliya ɖo eŋu be, “Nenye Mawu ƒe amee menye tututu la, ekema dzo nage tso dziƒo eye wòafia wò kple wò ame blaatɔ̃awo!” Enumake dzo ge tso dziƒo eye wòfia aʋakplɔla la kple ame blaatɔ̃wo katã." data/train/2KI/2KI_006_Verse_012.mp3,"Esi fia la se nya sia la, edze eƒe awuwo. Amewo de dzesii to afi si eƒe awuwo dze le la be edo akpanyawu ɖe awu si wòdze la te." data/train/2KI/2KI_006_Verse_017.mp3,"Esi woɖo Samaria la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu woƒe ŋkuwo azɔ ale be woakpɔ nu.” Yehowa wɔ nu si Elisa bia eye Siria ƒe aʋawɔlawo dze sii be yewole Samaria, le Israel ƒe fiadu la me!" data/train/2KI/2KI_022_Verse_009.mp3,"Gbe ɖeka la, nunɔlagã Hilkia yi nuŋlɔla Safan gbɔ eye wògblɔ be, “Mefɔ Segbalẽ aɖe le le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.” Etsɔe na Safan eye Safan xlẽe." data/train/2KI/2KI_015_Verse_012.mp3,"Israel fia yeye lae nye Menahem, Gadi ƒe vi. Eɖu fia ƒe ewo le Samaria. Edze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia, Azaria ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me." data/train/2KI/2KI_008_Verse_012.mp3,"eya ta Fia Yoram gbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo Aramtɔwo de eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu. Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi la yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta." data/train/2KI/2KI_023_Verse_005.mp3,"Egipte fia, Farao Neko lée de gaxɔ me le Ribla le Hamat ale be magaɖu fia le Yerusalem o. Hekpe ɖe esia ŋu la, ebla fe si ƒe home nye klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene kple sika kilo blaetɔ̃-vɔ-ene la na Yuda." data/train/2KI/2KI_016_Verse_013.mp3,"Fia la sa numevɔ kple nuɖuvɔ, kɔ nunovɔ ɖe edzi eye wòhlẽ ŋutifafavɔsa ƒe ʋu ɖe edzi." data/train/2KI/2KI_019_Verse_019.mp3,"“Fia Hezekia be, ‘Egbee nye xaxagbe, amedzugbe kple vlodoamegbe. Ele abe ale si nyɔnu aɖe anɔ ku lém gake ŋusẽ mele eŋu wòasii adzi o la ene." data/train/2KI/2KI_009_Verse_036.mp3,"Yehu ge ɖe tasiaɖam me enumake eye eya ŋutɔ yi Yezreel be yeaɖadi Fia Yoram, ame si xɔ abi eye wòmlɔ afi ma. Yuda fia Ahazia hã va afi ma be yeakpɔ Fia Yoram ɖa." data/train/2KI/2KI_015_Verse_020.mp3,"Le Salum ƒe fiaɖuɖu ɣleti ɖeka megbe la, Menahem, Gadi ƒe vi tso Tirza va Samaria eye wòwui. Ale Menahem zu fia ɖe eteƒe." data/train/2KI/2KI_019_Verse_026.mp3,"“ ‘Mèsee do ŋgɔ oa? Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke. Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi; ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo la zu anyiglago." data/train/2KI/2KI_004_Verse_034.mp3,"Nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, ɖe mebia viŋutsu wòa? Nyemegblɔ na wò be, ‘Mègaflum o’ mahã.”" data/train/2KI/2KI_002_Verse_025.mp3,"Wogblɔ nɛ be, “Amegã, ɖe gbe na mí ko, ekema míaƒe duƒula nyuitɔwo dometɔ blaatɔ̃ ayi gbedzi aɖadi wò amegã; ɖewohĩ Yehowa ƒe gbɔgbɔ gblẽe ɖe to aɖe dzi loo alo gblẽe ɖe balime le afi aɖe.” Ke Elisa ɖo eŋu be, “Ao, migaɖe fu na mia ɖokuiwo o.”" data/train/2KI/2KI_006_Verse_015.mp3,"Esi nyagblɔɖila la ƒe subɔla fɔ ŋdi kanya eye wòdo ɖe xexe ko la, ekpɔ aʋawɔlawo, tasiaɖamwo kple sɔwo le afi sia afi. Edo ɣli bia Elisa be, “Aléle! Nye aƒetɔ, nu ka míawɔ fifia?”" data/train/2KI/2KI_004_Verse_004.mp3,"Ege ɖe xɔa me, tu ʋɔa ɖe wo ame evea nu eye wòdo gbe ɖa na Yehowa." data/train/2KI/2KI_018_Verse_028.mp3,"Ne ègblɔ be, “Míele ŋu ɖom ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu” la, ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hezekia gbã, hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele na mi be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ le Yerusalem” oa?" data/train/2KI/2KI_015_Verse_013.mp3,"Israel fia yeye lae nye Peka, Remalia ƒe vi. Eɖu fia ƒe blaeve le Samaria le esime Fia Azaria ɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ eve xoxo le Yuda." data/train/2KI/2KI_023_Verse_022.mp3,"Fia Yosia ŋumewo kɔ eƒe kukua ɖe tasiaɖam me tso Megido va Yerusalem eye woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ tia da ɖi la me. Dukɔa tia Fia Yosia ƒe vi, Yehoahaz si ami nɛ heɖoe fia ɖe fofoa teƒe." data/train/2KI/2KI_001_Verse_012.mp3,"Ke mawudɔla aɖe gblɔ na Nyagblɔɖila Eliya, Tisbitɔ la be, “Yi nàdo go ame siwo Samaria fia dɔ eye nàbia wo be, ‘Nyateƒee wònye be Mawu aɖeke mele Israel oa? Eya ta mieyina Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu gbɔ be miabia ne fia la ƒe lãme asẽa?’" data/train/2KI/2KI_022_Verse_001.mp3,"atikpalawo, xɔtulawo kple gliɖolawo. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, na woaƒle ati kple kpe kpakpawo atsɔ adzra gbedoxɔ la ɖo." data/train/2KI/2KI_002_Verse_008.mp3,"Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Yɔdan tɔsisi la nu.” Elisa ɖo eŋu be, “Meta Yehowa kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi mɔzɔzɔa dzi." data/train/2KI/2KI_005_Verse_007.mp3,"Azɔ la, nyɔnuvi la gblɔ na eƒe aƒenɔ be, “Ne nye aƒetɔ, ɖe wòakpɔ nyagblɔɖila si le Samaria la, anyo ŋutɔ! Ada gbe le eƒe anyidɔ la ŋu nɛ.”" data/train/2KI/2KI_025_Verse_011.mp3,"Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe." data/train/2KI/2KI_018_Verse_033.mp3,“ ‘Va azɔ ne nàtso gbe kple nye aƒetɔ Asiria fia. Matsɔ sɔ akpe eve na wò ne àte ŋu akpɔ wo dolawo ko! data/train/2KI/2KI_025_Verse_009.mp3,"Esi Evil Merodak, ame si wogayɔna be Awel Marduk zu fia le Babilonia la, ekpɔ nublanui na Yuda fia, Yehoyatsin eye wòna woɖee le gaxɔ me. Esia va eme le Yehoyatsin ƒe gamenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-adrelia dzi." data/train/2KI/2KI_012_Verse_007.mp3,"Fia Yoas tsɔ nu siwo ŋu fofoawo, Yuda fiawo abe Yehosafat, Yehoram kple Ahazia ene kɔ kple nu siwo eya ŋutɔ hã wɔ kple sika si nɔ gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Aram fia Hazael. Ale Hazael megaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu o." data/train/2KI/2KI_020_Verse_015.mp3,"Wò dzidzimevi aɖewo kple vi siwo wodzi na wò ŋutɔ hã, woakplɔ wo adzoe, eye woazu ŋutsu tata siwo anye aƒedzikpɔlawo le Babilonia fia ƒe fiasã me.”" data/train/2KI/2KI_006_Verse_031.mp3,"Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Míeɖe kuku kplɔ mí yi teƒea.” Elisa lɔ̃ hegblɔ be, “Mayi!”" data/train/2KI/2KI_005_Verse_020.mp3,"Ke nyagblɔɖila la ɖo eŋu be, “Meta Yehowa, ame si mesubɔna la ƒe agbe be nyemaxɔ naneke o.” Togbɔ be Naaman ƒoe ɖe enu hã la, egbe mexɔ nunanawo o." data/train/2KI/2KI_004_Verse_042.mp3,"Ƒu du nàyi ɖakpee, nàbiae be, ‘Mi katã miedɔ nyuiea? Srɔ̃wò fɔ sesĩea? Viwò la fɔ nyuiea?’ ” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nu sia nu le nyuie.”" data/train/2KI/2KI_001_Verse_016.mp3,"Woɖo eŋu be, “Ŋutsu aɖe va tu mí eye wògblɔ na mí be, ‘Mitrɔ yi fia si dɔ mi la gbɔ eye miagblɔ nɛ be, “Nu si Yehowa gblɔe nye: Ɖe Mawu aɖeke mele Israel o tae nèle amewo dɔm be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawua? Eya ta màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o. Àku godoo!” ’ ”" data/train/2KI/2KI_016_Verse_018.mp3,"Siria fia Rezin kple Israel fia Peka, Remalia ƒe vi ho aʋa ɖe Ahaz ŋu eye woɖe to ɖe Yerusalem, ke womete ŋu ɖu edzi o." data/train/2KI/2KI_014_Verse_011.mp3,"Gawu la, Yehowa megblɔ be yeatutu Israel ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi o, eya ta wòto Fia Yeroboam Evelia, Yehoas ƒe vi la dzi ɖe Israel." data/train/2KI/2KI_001_Verse_004.mp3,"Eliya gblɔ na fia la be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi. Esi Mawu aɖeke mele Israel be nàbia gbee o tae nèɖo amewo ɖa be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu la? Esi nèwɔ esia ta la, màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi akpɔ gbeɖe o; àku godoo!”" data/train/2KI/2KI_016_Verse_004.mp3,"Azɔ la, Fia Ahaz yi Damasko be yeawɔ takpekpe kple Asiria fia Tigat Pilser. Ekpɔ vɔsamlekpui aɖe le Damasko. Eŋlɔ vɔsamlekpui la ƒe dzidzemewo da ɖi, ta vɔsamlekpui la, ɖɔe tsitotsito ɖo ɖe nunɔla Uria." data/train/2KI/2KI_017_Verse_011.mp3,Ele be miasubɔ Yehowa ɖeɖe ko; eyae aɖe mi tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me.” data/train/2KI/2KI_011_Verse_019.mp3,Yehoiada wɔ nubabla le Yehowa kple fia la kple dukɔa dome be woanye Yehowa tɔ. Egawɔ nubabla le fia la kple ameawo hã dome. data/train/2KI/2KI_008_Verse_006.mp3,Elisa lĩ ŋku ɖe Hazael dzi gãa va se ɖe esime Hazael tɔtɔ eye Elisa de asi avifafa me. data/train/2KI/2KI_005_Verse_024.mp3,"Naaman ƒe dɔlawo yi egbɔ eye wogblɔ nɛ be, “Fofonye, nenye ɖe nyagblɔɖila la gblɔ na wò be nàwɔ nu sesẽ aɖe la, màwɔe oa? Kaka wòhenye be wògblɔ na wò be, ‘Yi nàle tsi eye wò ŋuti nakɔ!’ ”" data/train/2KI/2KI_016_Verse_011.mp3,Fia Ahaz ɖe nyinɔ siwo dzi nuwo nɔ le gbedoxɔ la me ɖe ga siwo wotsɔ tso gae ɖe wo nɔewo dzi kple gazɔ gã si nɔ akɔblinyiawo dzi la da ɖe kpui la dzi. data/train/2KI/2KI_025_Verse_028.mp3,"Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinuwo katã siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ la me la hã dzoe." data/train/2KI/2KI_025_Verse_016.mp3,"Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia la ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe." data/train/2KI/2KI_022_Verse_006.mp3,Eya ta àku eye woaɖi wò le ŋutifafa me. Wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e si mahe va dukɔ sia dzi o.’ ” Ale woxɔ eƒe ŋuɖoɖo yi na fia la. data/train/2KI/2KI_017_Verse_019.mp3,"Fia Hosea wɔ babla kple Egipte fia So, be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖe ye ɖokui ɖa le Asiria fia ƒe ŋusẽ te. Ke Asiria fia va nya nu tso babla sia ŋu. Gawu la, Hosea gbe megaxea ga la na Asiria fia o. Ale Asiria fia lé Hosea de gaxɔ me eye wòde kɔsɔkɔsɔe ɖe eƒe aglãdzedze ta." data/train/2KI/2KI_006_Verse_019.mp3,"Fia la ka atam be, “Mawu nefiam, wòagafiam ɖe edzi vevie ne Elisa, Safat ƒe viŋutsu la, ƒe ta aganɔ eƒe kɔ nu egbe.”" data/train/2KI/2KI_014_Verse_014.mp3,"Ke Amazia gbe toɖoɖoe, ale Israel fia Yehoas ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe eŋu. Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda." data/train/2KI/2KI_023_Verse_018.mp3,Fia la mu vɔsamlekpui siwo Yuda fiawo tu ɖe gbadzaƒe si le Ahaz ƒe xɔ la tame le fiasã la me kple vɔsamlekpui siwo Fia Manase tu ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo. Egbã wo kakɛkakɛ eye wòkaka kakɛawo ɖe Kidron bali la me. data/train/2KI/2KI_012_Verse_018.mp3,"Wotsɔe xe fee na dɔwɔlawo, ame siwo dzra gbedoxɔ la ɖo." data/train/2KI/2KI_015_Verse_011.mp3,"Hosea, Ela ƒe vi ɖo nugbe ɖe Peka ŋu eye wòwui, ale Hosea zu fia yeye la. Israel fia yeye lae nye Hosea. Eɖu fia le Israel le esime Yotam, Uzia ƒe vi ɖu fia ƒe blaeve le Yuda." data/train/2KI/2KI_010_Verse_004.mp3,"Azɔ la, Yehu dze mɔ yina Samaria. Esi wòɖo Bet Eked afi si alẽkplɔlawo nɔna la," data/train/2KI/2KI_018_Verse_026.mp3,"Migana Hezekia nable mia nu be, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, esime wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi godoo; womatsɔ du sia ade asi na Asiria fia o.’" data/train/2KI/2KI_009_Verse_028.mp3,"Ne èɖo afi ma la, di Yehu, Yehosafat ƒe vi, Nimsi ƒe vi, yi ɖe egbɔ nàkplɔe dzoe le nɔviawo dome eye nàkplɔe age ɖe xɔ gã mee." data/train/2KI/2KI_003_Verse_025.mp3,"Wogbã duwo, lɔ kpe kɔ ɖe anyigba nyui ɖe sia ɖe dzi, xe tsidzɔƒewo eye wolã kutsetsetiwo ƒu anyi. Mlɔeba la, Kir Hareset mɔ koe susɔ, ke akafodalawo ɖe to ɖe eya hã eye woxɔe." data/train/2KI/2KI_023_Verse_019.mp3,"Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le ameawo ŋkume. Eya kple ameawo ɖe adzɔgbe na Yehowa be yewoadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yewoawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bla nu." data/train/2KI/2KI_004_Verse_044.mp3,"Ɖevi la tsi eye gbe ɖeka la, edo go yi fofoa gbɔ, ame si nɔ nukuxalawo gbɔ." data/train/2KI/2KI_009_Verse_001.mp3,"Ale asrafo aɖe do sɔ yi ɖakpe Yehu hegblɔ nɛ be, “Fia la di be yeanya nenye xɔlɔ̃e nènye loo alo futɔe nènye. Ŋutifafa mee nèva lea?” Yehu ɖo eŋu be, “Nu ka nènya tso ŋutifafa ŋu? Dze yonyeme.” Dzɔla la do ɣli gblɔ na fia la be ame dɔdɔ la yi ɖakpee gake mele gbɔgbɔm o." data/train/2KI/2KI_019_Verse_011.mp3,"Esi aʋafia si le aʋakɔ siwo le gbea dzi dzi kpɔm la se bena, Asiria fia dzo le Lakis la, etrɔ dzo yi aƒe eye wòkpɔ fia la le aʋa wɔm kple Libna." data/train/2KI/2KI_024_Verse_008.mp3,Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si Yehoyakim wɔe ene. data/train/2KI/2KI_024_Verse_014.mp3,Nu siawoe nye ʋu maɖifɔwo kɔkɔ ɖi elabena ekɔ ʋu maɖifɔ geɖewo ɖi le Yerusalem eye Yehowa medi be yeatsɔ nu vɔ̃ sia akee o. data/train/2KI/2KI_016_Verse_017.mp3,"Nunɔla Uria, wɔ fia Ahaz ƒe ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ." data/train/2KI/2KI_003_Verse_002.mp3,"Ale Israel, Yuda kple Edom fiawo kplɔ woƒe aʋakɔwo to mɔ gɔdɔ̃ aɖe to gbegbe la ŋkeke adre, ke tsi menɔ anyi na ameawo kple woƒe lãwo o." data/train/2KI/2KI_017_Verse_022.mp3,"Ke hã la, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe gasubɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwo le du siwo me wole. Wosubɔa mawu siawo le nuxeƒe siwo Samariatɔwo wɔ da ɖi." data/train/2KI/2KI_017_Verse_031.mp3,va se ɖe esime Yehowa kplɔ wo dzoe abe ale si eƒe Nyagblɔɖilawo be woawɔ woe ene. Ale wokplɔ Israel yi Asirianyigba dzi afi si wole va se ɖe egbe. data/train/2KI/2KI_003_Verse_009.mp3,"Esi ŋu ke, le ŋdivɔsaɣi la, tsie nye ekem le dodom bababa tso Edom lɔƒo! Tsi ɖɔ ɖe anyigba la dzi." data/train/2KI/2KI_023_Verse_033.mp3,Yosia gbã legbawo eye wòho aƒeliwo. Ekaka ameƒuwo ɖe teƒe siawo hedo gu teƒeawo. data/train/2KI/2KI_009_Verse_019.mp3,"Esi Yuda fia Ahazia kpɔ nu si va dzɔ la, esi dze Bet Hagan mɔ dzi. Yehu kplɔe ɖo nɔ ɣli dom be, “Miwu eya hã!” Ale wode abi eŋu le eƒe tasiaɖam la me le Gur si te ɖe Ibleam ŋuti la ƒe mɔ dzi, ke ete ŋu si dzo yi Megido afi si wòyi ɖaku ɖo." data/train/2KI/2KI_017_Verse_035.mp3,"Wogbe Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã dzi wɔwɔ eye wololõ sika tsɔ wɔ nyivi eve. Woli aƒeli siwo nye ŋukpenanuwo eye wosubɔ Baal, ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo." data/train/2KI/2KI_018_Verse_013.mp3,"Fia Hezekia ɖe kuku, bia ŋutifafa eye wòɖo du ɖe Asiria fia le Lakis be, “Meda vo eya ta maxe fe ɖe sia ɖe si nàbla nam ne àdzo le nye anyigba dzi ko.” Ale Asiria fia bia be wòaxe klosalo kilo akpe ewo kple sika kilo akpe ɖeka na ye." data/train/2KI/2KI_016_Verse_016.mp3,"Le ɣe ma ɣi la, Siria fia Rezin gbugbɔ Siria du si nye Elat la xɔ. Enya Yudatɔwo le dua me eye wòna Edomtɔwo yi ɖanɔ afi ma; wogale Elat va se ɖe egbe." data/train/2KI/2KI_022_Verse_015.mp3,"Safan, nuŋlɔla la na nyanya fia la be, “Nunɔlagã Hilkia tsɔ agbalẽ aɖe nam.” Safan xlẽ agbalẽ la me nyawo na fia la." data/train/2KI/2KI_001_Verse_013.mp3,"Kpɔ ɖa, dzo ge tso dziƒo hefia aʋakplɔla gbãtɔ eveawo kple woƒe amewo. Ke azɔ la, na nye agbe naxɔ asi le gbɔwò!”" data/train/2KI/2KI_014_Verse_013.mp3,"Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas yi Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene (180)." data/train/2KI/2KI_005_Verse_003.mp3,Ale Naaman kple eƒe sɔwo kple tasiaɖamwo va tɔ ɖe Elisa ƒe aƒe ƒe agbonu. data/train/2KI/2KI_023_Verse_004.mp3,"Egbã ŋutsugbolowo ƒe xɔwo ƒu anyi, xɔ siwo nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me, afi si nyɔnuwo hã nɔna, nɔa kundruwo lɔ̃m na aƒeli." data/train/2KI/2KI_020_Verse_013.mp3,"Tete Yesaya gblɔ nɛ be, “Tu gbotsetsewo wòabla nyuie.” Wotui eye wokae ɖo ƒoƒoeawo dzi nɛ eye eƒe lãme se." data/train/2KI/2KI_014_Verse_007.mp3,"Esi Yeroboam Evelia ku la, woɖii ɖe Israel Fia bubuwo gbɔ eye via Zekaria zu Israel Fia yeye la." data/train/2KI/2KI_002_Verse_010.mp3,"Eliya ɖo eŋu be, “Èbia nu sesẽ, ke hã la, ne àkpɔm esime woakɔm adzoe le gbɔwò la, ava eme na wò, ke ne mele alea o la, mava eme na wò o.”" data/train/2KI/2KI_010_Verse_024.mp3,"Le ŋkeke mawo me la, Yehowa ɖiɖi Israel ƒe agbɔsɔsɔ. Hazael ɖu Israelviwo dzi le nuto me blibo la me," data/train/2KI/2KI_004_Verse_024.mp3,"Gbe ɖeka la, ame aɖe si tso Baal Salisa la va na bli mumu kotoku ɖeka kple abolo blaeve siwo wowɔ kple lu yeye tso eƒe nuŋeŋe gbãtɔ me Mawu ƒe ame la. Elisa gblɔ na Gehazi be wòatsɔ wo ana nusrɔ̃lawo woaɖu." data/train/2KI/2KI_014_Verse_001.mp3,"Amazia xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ ɣe ma ɣi eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Yehoadin, ame si tso Yerusalem." data/train/2KI/2KI_020_Verse_002.mp3,"Hezekia bia Yesaya be, “Nu kae anye dzesi be Yehowa ayɔ dɔm eye mayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me ŋkeke etɔ̃ tso egbe sia dzi?”" data/train/2KI/2KI_012_Verse_017.mp3,"Womewɔ ga si wotsɔ va gbedoxɔ la me la ŋu dɔ na klosalogbawo, akaɖimeɖovulãnuwo, ʋutrewo, kpẽwo alo nu bubu ɖe sia ɖe si wowɔ kple sika alo klosalo la ƒeƒle na Yehowa ƒe gbedoxɔ o." data/train/2KI/2KI_021_Verse_000.mp3,"Amon xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòɖu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe eve. Dadaa ŋkɔe nye Mesulemet, Haruz ƒe vinyɔnu, ame si tso Yotba." data/train/2KI/2KI_011_Verse_018.mp3,"Yehoiada kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ; tsɔ Nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!”" data/train/2KI/2KI_014_Verse_023.mp3,"Wotsɔ via, Azaria ɖo fiae ɖe eteƒe, esi Azaria xɔ ƒe wuiade ko." data/train/2KI/2KI_017_Verse_029.mp3,"Mlɔeba la, le Hosea ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, Asiriatɔwo xɔ Samaria. Woɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye woɖo wo dometɔ aɖewo ɖe Hala du la me, bubuwo nɔ duwo me le Habor tɔsisi la ŋu le Gozan eye mamlɛawo nɔ Mediatɔwo ƒe du me." data/train/2KI/2KI_015_Verse_022.mp3,"Le ŋkeke mawo me la, Yehowa na Siria fia Rezin kple Israel fia Peka ho aʋa ɖe Yuda ŋuti." data/train/2KI/2KI_009_Verse_007.mp3,"Dzɔla si nɔ Fia Yehoram ƒe gbetakpɔxɔ dzi la kpɔ Yehu kple eƒe amewo gbɔna ɖa eye wòdo ɣli be, “Ame aɖe gbɔna!” Fia Yehoram ɖe gbe be, “Dɔ sɔdola aɖe ɖa wòakpɔe ɖa be xɔlɔ̃e loo alo futɔe hã.”" data/train/2KI/2KI_024_Verse_009.mp3,"eye Yuda fia, Yehoyatsin, viawo, eƒe aɖaŋudelawo, sãmedɔwɔlawo kple fia dada na ta. Nebukadnezar lɔ̃ ɖe tanana la dzi eye wòlé Fia Yehoyatsin yi ɖade gaxɔ me le Babilonia le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me." data/train/2KI/2KI_024_Verse_017.mp3,"Yehowa ɖo adzohawo ɖa tso Kaldeatɔwo, Siriatɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo dome be woatsrɔ̃ dukɔ la abe ale si Yehowa gblɔe to eƒe Nyagblɔɖilawo dzi be yeawɔ ene." data/train/2KI/2KI_022_Verse_012.mp3,"Le Fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la, Yosia ɖo eƒe nuŋlɔla Safan, Azalia ƒe viŋutsu, ame si nye Mesulam ƒe tɔgbuiyɔvi la ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Egblɔ be," data/train/2KI/2KI_021_Verse_009.mp3,Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdze dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ yome. data/train/2KI/2KI_025_Verse_005.mp3,"Babilonia ƒe aʋafia la ɖe aboyo Seraya, nunɔlagã la, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo." data/train/2KI/2KI_003_Verse_004.mp3,"Azɔ la Moabtɔwo katã se be fiawo va aʋa wɔ ge kple yewo eya ta woyɔ ŋutsu ɖe sia ɖe, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa, ame sia ame si ate ŋu awɔ aʋa ko eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe woƒe liƒo dzi." data/train/2KI/2KI_019_Verse_002.mp3,Ame kae nèdzu hegblɔ busunya ɖe eŋuti? Ame ka ŋutie nèkɔ wò gbe dzi ɖo eye nètro ŋku kpɔe dadatɔe? Ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋutie! data/train/2KI/2KI_016_Verse_007.mp3,"Esi fia la gbɔ tso Damasko eye wòkpɔ vɔsamlekpuia la, ete ɖe eŋu eye wòsa vɔwo le edzi." data/train/2KI/2KI_010_Verse_022.mp3,"Le esia megbe la, Yehu wu Ahab ƒe ƒometɔ mamlɛ siwo nɔ Yezreel kple eŋume veviwo kple xɔlɔ̃awo kple eƒe nunɔlawo. Mlɔeba la, ame siwo katã nɔ Ahab ŋu kplikplikpli kpɔ la dometɔ aɖeke mesusɔ o." data/train/2KI/2KI_023_Verse_023.mp3,Ke Yehowa ƒe dziku sesẽ si wòdo ɖe Yuda ŋu le Manase ƒe nu vɔ̃wo ta la dzi meɖe o data/train/2KI/2KI_005_Verse_005.mp3,"Aram fia ɖo eŋu nɛ be, “Ele vevie be nàyi; maɖo agbalẽ ɖe Israel fia.” Ale Naaman dze mɔ; etsɔ klosaloga kilogram alafa etɔ̃ blaene ɖe asi kpe ɖe sikaga kilogram blaadre ŋuti kple awudodo ewo." data/train/2KI/2KI_004_Verse_030.mp3,"Na míawɔ xɔ sue aɖe ɖe míaƒe xɔtame nɛ eye míatsɔ aba, kplɔ̃ kple zikpui kple akaɖi ada ɖe eme nɛ. Ekema ava tsi afi ma ɣe sia ɣi si wòava adze mía gbɔ.”" data/train/2KI/2KI_011_Verse_007.mp3,"Etsa ŋku eye kpɔ ɖa, fia lae nye ekem, etsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le kɔnu la nu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la xa eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom henɔ kpẽawo kum. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!”" data/train/2KI/2KI_010_Verse_023.mp3,"le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, le Gilead ƒe anyigba la katã dzi (afi si nye Gad, Ruben kple Manase ƒe nutomewo me), tso keke Aroer si le Arnon tɔsisi la to va se ɖe Gilead kple Basan nutowo me." data/train/2KI/2KI_016_Verse_010.mp3,"Fia Ahaz gblɔ na nunɔla Uria be wòawɔ vɔsamlekpui yeye la ŋu dɔ le numevɔwo, fiẽnuɖuvɔwo, fia ƒe numevɔwo kple nuɖuvɔwo kple ameawo ƒe vɔsawo kple woƒe nunovɔwo sasa me. Wòatsɔ numevɔsawo kple akpedavɔsawo ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui yeye la ŋu, ke ye ŋutɔ yeawɔ akɔblivɔsamlekpui xoxo la ŋu dɔ hena nukaka ko." data/train/2KI/2KI_018_Verse_030.mp3,"Tete aʋafiagã la te va hedo ɣli gblɔ le Hebrigbe me be, “Mise Asiria fia, fiagã la ƒe nya!" data/train/2KI/2KI_014_Verse_005.mp3,"Esi Amazia kpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe yeƒe asi me la, ewu dumegã siwo katã wu fofoa." data/train/2KI/2KI_016_Verse_009.mp3,"Etsɔ akɔblivɔsamlekpui si nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ, le gbedoxɔ la ƒe mɔnu kple vɔsamlekpui yeye la dome la yi ɖada ɖe vɔsamlekpui yeye la ƒe axadzi le anyiehe lɔƒo." data/train/2KI/2KI_016_Verse_002.mp3,"Ale Asiriatɔwo dze Damasko, Siria ƒe fiadu dzi, woɖe aboyo dua me tɔwo yi ɖada ɖe Kir eye wowu Siria fia Rezin." data/train/2KI/2KI_003_Verse_022.mp3,"Moab fia, Mesa kple eƒe amewo nye alẽnyilawo. Woxea adzɔ na Israel kple alẽ akpe alafa ɖeka kple agbo akpe alafa ɖeka ƒe fu ƒe sia ƒe." data/train/2KI/2KI_024_Verse_015.mp3,Woŋlɔ Yehoyakim ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. data/train/2KI/2KI_013_Verse_023.mp3,"Yehoas ku, woɖii ɖe Samaria ɖe Israel fia bubuwo gbɔ eye Yeroboam Evelia zu fia ɖe eteƒe." data/train/2KI/2KI_006_Verse_022.mp3,"Gbã la, nya kae dzɔ?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nyɔnu sia gblɔ nam be míaɖa vinye ŋutsuvi aɖu eye le ŋkeke bubu dzi la, míaɖa ye hã ƒe viŋutsuvi aɖu." data/train/2KI/2KI_003_Verse_017.mp3,"Ke Elisa gblɔ na Israel fia Yehoram be, “Nyemedi wò nya aɖeke be mase o; yi fofowò kple dawò ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ!” Fia Yehoram ɖo eŋu be, “Ao, elabena Yehowae yɔ mí va afi sia be Moab fia natsrɔ̃ mí!”" data/train/2KI/2KI_006_Verse_003.mp3,"Ale míeɖa vinye ɖu, ke esi ŋu ke megblɔ nɛ be ‘Wò hã, wu viwò míaɖa ɖu egbe’ la, etsɔ via ɣla!”" data/train/2KI/2KI_016_Verse_003.mp3,"Ale nunɔla Uria tu vɔsamlekpui aɖe, wòsɔ ɖe tata si Fia Ahaz tsɔ ɖo ɖa tso Damasko la dzi eye wòwu enu hafi Fia Ahaz gbɔ." data/train/2KI/2KI_002_Verse_022.mp3,"Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ Yeriko la va bia Elisa be, “Ènya be Yehowa le wò aƒetɔ kplɔ ge adzoe le gbɔwò egbea?” Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya eya ta mizi ɖoɖoe!”" data/train/2KI/2KI_006_Verse_001.mp3,"Ale Israel fia la ɖo kplɔ̃ gã aɖe na Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la eye esi woɖu nu, no nu vɔ la, eɖo wo ɖe aƒe eye wotrɔ yi ɖe woƒe amegã gbɔ. Tso gbe ma gbe dzi la, Siria ƒe adzohawo megadoa ta ɖe Israelnyigba dzi o." data/train/2KI/2KI_002_Verse_019.mp3,"Ke wonɔ nya sia ƒom ɖe enu va se ɖe esime nya la tii eye wògblɔ be, “Enyo, miyi!” Ale ame blaatɔ̃awo yi ɖadii ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔe o." data/train/2KI/2KI_014_Verse_006.mp3,"Esi Yehoas ku la, woɖii ɖe Samaria le Israel fia bubuwo gbɔ eye via Yeroboam ɖu fia ɖe eteƒe." data/train/2KI/2KI_006_Verse_002.mp3,"Ale le zã aɖe me la, Siria fia ɖo aʋakɔ gã aɖe kple tasiaɖamwo kple sɔ geɖewo ɖa be woaɖe to ɖe du la." data/train/2KI/2KI_001_Verse_001.mp3,"Ale fia la gaɖo aʋakplɔla bubu aɖe kple asrafo blaatɔ̃ bubu ɖa be woagblɔ nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, fia la be nàva ye gbɔ fifi laa!”" data/train/2KI/2KI_009_Verse_021.mp3,"eye eƒe ŋutilã akaka ɖe anyigba abe ale si wokakaa aɖu ɖe agble me ene, ale be ame aɖeke mate ŋu agblɔ be Yezebel ƒe ŋutilãe nye esia o.”" data/train/2KI/2KI_003_Verse_021.mp3,"Miagbã du sesẽ ɖe sia ɖe kple du gã ɖe sia ɖe aƒu anyi. Nenema ke mialã ati nyui ɖe sia ɖe aƒu anyi, miatɔ te tɔsisi ɖe sia ɖe ƒe sisi eye miatsɔ kpewo agblẽ agbledenyigba nyuiwo katã.”" data/train/2KI/2KI_024_Verse_016.mp3,"Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti." data/train/2KI/2KI_013_Verse_008.mp3,"Enye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume abe Yeroboam, Nebat ƒe vi ene; ena Israelviwo subɔ legbawo eye wòkplɔ wo de nu vɔ̃ me." data/train/2KI/2KI_018_Verse_012.mp3,"Eɖu fia nyuie le Mawu ƒe ŋkume abe fofoa, David ene." data/train/2KI/2KI_001_Verse_017.mp3,"Woɖo eŋu nɛ be, “Enye ŋutsu aɖe si ŋu fu le kpedzee, ebla ali dzi kple alidziblaka keke aɖe si wowɔ kple lãgbalẽ.” Tete fia la do ɣli be, “Eliya, Tisbitɔ lae!”" data/train/2KI/2KI_007_Verse_006.mp3,"Aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Anyo be míaɖo ŋkutsalawo ɖa woayi aɖakpɔ afi ma ɖa. Mina woatsɔ sɔ siwo susɔ ɖe dua me la dometɔ atɔ̃, ɖewohĩ ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si kpɔtɔ la ene, alo ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si ku la ene; esia ta na míadɔ ame woaɖakpɔe ɖa.”" data/train/2KI/2KI_025_Verse_020.mp3,"Ke le ɣleti adre megbe la, Ismael, Netania ƒe vi, ame si nye Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒomea me la yi Mizpa kple ame ewo eye wowu Gedalia kple eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, Babiloniatɔwo kple Yudatɔwo siaa." data/train/2KI/2KI_008_Verse_003.mp3,"Egblɔ na Hazael be, “Tsɔ nunana ɖe asi eye nàyi ɖakpɔ Mawu ƒe ame la. Bia gbe Yehowa to Mawu ƒe ame la dzi. Biae be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ”" data/train/JOB/JOB_015_Verse_023.mp3,"nu si nunyalawo ɖe gbeƒãe eye womeɣla naneke si woxɔ tso wo fofowo gbɔ o," data/train/JOB/JOB_029_Verse_022.mp3,"Womexɔnɛ sena ne meko nu na wo o, nye mo ƒe kekeli nye nu xɔasi na wo." data/train/JOB/JOB_003_Verse_021.mp3,Viviti tsiɖitsiɖi nexɔ zã ma eye womegaxlẽe ɖe ƒea ƒe ŋkekewo me alo woadee ɣleti aɖeke ƒe ŋkekewo me o. data/train/JOB/JOB_015_Verse_024.mp3,"Ta ƒowɔ tɔwo kple amegãɖeɖiwo le mía dzi, ame siwo tsi wu fofowò gɔ̃ hã." data/train/JOB/JOB_020_Verse_001.mp3,Atu kesinɔnu siwo wòmi la aƒu gbe. Mawu ana eƒe dɔgbowo nadzɔ wo katã aƒo ɖi. data/train/JOB/JOB_037_Verse_021.mp3,Mawu ƒe gbɔgbɔ hea fafa gã aɖe vɛ eye tsi gbanawo dzi zua tsikpe. data/train/JOB/JOB_033_Verse_018.mp3,"Ke hã la, Mawu kpɔ vodada le ŋunye, eye wòbum eƒe futɔe." data/train/JOB/JOB_012_Verse_000.mp3,Adzohawo ƒe agbadɔwo li le ŋutifafa me eye ame siwo do dziku na Mawu la li le dedinɔnɔ me. Nenema kee nye ame siwo tsɔa woƒe mawu ɖe woƒe asi me. data/train/JOB/JOB_036_Verse_031.mp3,"Wokuna le woƒe ɖekakpui dzodzoe me, ɖe ŋutsu gbolowɔla siwo nɔa trɔ̃xɔwo me la dome." data/train/JOB/JOB_041_Verse_010.mp3,Awɔ ɖoɖo kpli wò be nàkplɔe wòanye wò kluvi le eƒe agbe me katã? data/train/JOB/JOB_023_Verse_008.mp3,Matsɔ nye nya aɖo eŋkume eye nye nu me ayɔ fũu kple nya siwo matsɔ aɖe ɖokuinye nu data/train/JOB/JOB_034_Verse_025.mp3,"“Ne gɔmesese le asiwò la, se nya sia, lé to ɖe nu si gblɔ ge mele la ŋuti." data/train/JOB/JOB_036_Verse_029.mp3,"Ne woɖo to eye wosubɔe la, woanɔ woƒe agbemeŋkeke mamlɛawo le nukpɔkpɔ me eye woƒe ƒewo ayɔ fũu kple dzidzeme." data/train/JOB/JOB_016_Verse_008.mp3,"“Gake ne meƒo nu la, nye vevesesewo dzi maka ɖe kpɔtɔ o eye ne medzudzɔ hã la, veveseseawo medzona o." data/train/JOB/JOB_040_Verse_015.mp3,"Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be," data/train/JOB/JOB_012_Verse_020.mp3,"“Togbɔ be meyɔ Mawu eye wòtɔ nam hã la, mezu nu ɖikokoe na xɔ̃nyewo. Togbɔ be mele dzɔdzɔe eye fɔɖiɖi mele ŋunye o hã la, mezu alɔmeɖenu na wo!" data/train/JOB/JOB_011_Verse_019.mp3,“Ɖe woagbe nya siawo ŋu ɖoɖo na wòa? Ɖe woabe nyawɔla sia tɔ dzɔa? data/train/JOB/JOB_003_Verse_015.mp3,“Nu ka tae kekeli klẽna na ayaɖulawo eye wònaa agbe luʋɔ si le nu xam? data/train/JOB/JOB_013_Verse_025.mp3,Ɖe eƒe ŋutikɔkɔe mado ŋɔdzi na mi oa? Ɖe eƒe ŋɔdzi malé mi oa? data/train/JOB/JOB_036_Verse_033.mp3,"Ɖo ŋku edzi, nàdo eƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi, siwo amewo kafuna le woƒe hadzidziwo me." data/train/JOB/JOB_006_Verse_015.mp3,miɖem le ketɔ la ƒe asi me alo mixɔm le ŋutasẽla ƒe fegomea?’ data/train/JOB/JOB_008_Verse_012.mp3,Nu si ŋu wòɖo dzi ɖo la meɖo ŋusẽ o eye nu si wòde mee la nye yiyiɖɔ. data/train/JOB/JOB_021_Verse_015.mp3,"Ke wo ame evea mlɔ kasanu le ke me, eye ŋɔviwo ɖi ba ɖe wo kple evea dzi." data/train/JOB/JOB_014_Verse_017.mp3,"Ne wode bubu via ŋutsuwo ŋu hã la, menyanɛ o, ne woɖi gbɔ̃ wo hã la, mekpɔnɛ o." data/train/JOB/JOB_004_Verse_001.mp3,“Azɔ bu eŋuti kpɔ. Ame maɖifɔ ka wohe to na kpɔ? Afi ka wogblẽ ame dzɔdzɔe dome le kpɔ? data/train/JOB/JOB_036_Verse_030.mp3,Wò dzi megatsi dzi ɖe zã ƒe dodo ŋu ne nàhe amewo ado goe le woƒe aƒewo me o. data/train/JOB/JOB_031_Verse_024.mp3,"“Nenye be mezɔ le aʋatsokaka me alo nye afɔ ɖe abla ɖe amebeble ŋuti la," data/train/JOB/JOB_018_Verse_014.mp3,Wonyanɛ tso kekeli nu yina ɖe viviti me eye woɖenɛ ɖa le xexea me. data/train/JOB/JOB_036_Verse_017.mp3,"Ke ne womeɖo to o la, yi atsrɔ̃ wo eye woaku numanyamanyae." data/train/JOB/JOB_003_Verse_006.mp3,"Anye ne memlɔ anyi le ŋutifafa me, le alɔ̃ dɔm, le ɖiɖim ɖe eme." data/train/JOB/JOB_028_Verse_024.mp3,Womate ŋu aƒlee kple sika nyuitɔ alo woada klosalo ɖe eƒe home nu o. data/train/JOB/JOB_005_Verse_027.mp3,“Woayra ŋutsu si Mawu ɖɔna ɖo eya ta mègado vlo Ŋusẽkatãtɔ la ƒe amehehe o. data/train/JOB/JOB_006_Verse_009.mp3,"Ke woƒe dzi tsi dzi elabena kakaɖedzi nɔ wo si hafi gake esi wova ɖo afi ma la, ŋukpe ko woɖu." data/train/JOB/JOB_009_Verse_016.mp3,"Maɖe mɔ nam be magakpɔ gbɔdzɔe o, ke boŋ ana vevesese nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye." data/train/JOB/JOB_014_Verse_022.mp3,Ɖe nàke ŋku ɖe esia tɔgbi ŋua? Ɖe nàkplɔe va ʋɔnui le ŋkuwòmea? data/train/JOB/JOB_003_Verse_022.mp3,Zã ma netsi ko eye dzidzɔɣli aɖeke megaɖi le eme o. data/train/JOB/JOB_009_Verse_031.mp3,"“Togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la, nyemetsɔ ɖeke le eme na ɖokuinye o eye medo vlo nye ŋutɔ nye agbe." data/train/JOB/JOB_030_Verse_009.mp3,"“Ke azɔ la, ame siwo menye xoxo na, ame siwo fofowo manyɔ ŋui be womade ha kple nye lãkplɔvuwo gɔ̃ hã o la ɖua fewu le ŋutinye." data/train/JOB/JOB_001_Verse_019.mp3,"Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ nɔ esi," data/train/JOB/JOB_019_Verse_006.mp3,"Eye ne nye ŋutigbalẽ vuvu keŋkeŋkeŋ hã la, makpɔ Mawu le nye ŋutilã me," data/train/JOB/JOB_010_Verse_018.mp3,"Ɖe nye ŋkeke ʋɛawo mewu nu kloe vɔ oa? Ɖe mo ɖa le ŋunye ale be nye hã makpɔ dzidzɔ vi aɖe," data/train/JOB/JOB_019_Verse_019.mp3,"Nenye vavãe miebe yewoakɔ mia ɖokuiwo ɖe dzi agbɔ tanye, ahazã vlo si wodom la aɖia nunyee la," data/train/JOB/JOB_007_Verse_015.mp3,“Nye ŋkekewo le du ɖim wu avɔlɔ̃ʋu eye wowua enu mɔkpɔkpɔmanɔmee. data/train/JOB/JOB_020_Verse_018.mp3,“Nu siwo le fu ɖem na nye susue dɔm be maɖo eŋu na wò elabena metsi dzi le ɖokuinye me ŋutɔ. data/train/JOB/JOB_033_Verse_023.mp3,"Mawu ƒe gbɔgbɔe wɔm, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe de agbe menye," data/train/JOB/JOB_031_Verse_027.mp3,"nenye be nye ɖeɖe meɖu nye abolo heku ŋɔ tsyɔ̃evi la, eya ko woagblɔ nya aɖe," data/train/JOB/JOB_041_Verse_001.mp3,Ame aɖeke medzi ŋɔ de enu ne wòanyɔe o. Ekema ame kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye? data/train/JOB/JOB_040_Verse_018.mp3,"Trɔ wò dɔmedzoe ƒe nuwɔwɔ kɔ ɖi bababa, nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe eye nàhee aƒu anyi." data/train/JOB/JOB_024_Verse_004.mp3,"Ame siwo le kudɔ ƒom ƒe ŋeŋe de dzi le dua me kɔtɔɔ eye ame siwo xɔ abi la ƒe luʋɔwo le ɣli dom be woaxɔ na yewo, gake Mawu mebu fɔ ame aɖeke be edze agɔ o." data/train/JOB/JOB_024_Verse_009.mp3,"Gake Mawu kplɔa kalẽtɔwo dzonae kple eƒe ŋusẽ. Togbɔ be woli ke hã la, kakaɖedzi mele wo si be woanɔ agbe o." data/train/JOB/JOB_021_Verse_022.mp3,"Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe, tsina, kua amegã, eye woƒe ŋusẽ dzina ɖe edzi ɖo?" data/train/JOB/JOB_037_Verse_018.mp3,"“Hiob, ɖo to nàse nu sia, zi ɖoɖoe eye nàbu Mawu ƒe nukunuwo ŋu." data/train/JOB/JOB_037_Verse_003.mp3,"àte ŋu akpe ɖe eŋu le dziŋgɔli ƒe keke ɖe yame me, nu si sesẽ abe ahuhɔ̃e si wowɔ kple akɔbli enea?" data/train/JOB/JOB_011_Verse_016.mp3,Wodidi wu anyigba eye wokeke wu atsiaƒu. data/train/JOB/JOB_020_Verse_013.mp3,Makpɔ gome le tɔʋu kple tɔsisi siwo me anyitsi kple notsi babla le sisim le la me o. data/train/JOB/JOB_029_Verse_005.mp3,esi eƒe akaɖi klẽ ɖe nye ta dzi eye eƒe kekeli na mezɔ to blukɔ tsiɖitsiɖi me! data/train/JOB/JOB_004_Verse_007.mp3,"Ke azɔ la, dzɔgbevɔ̃e va dziwò, eye dzi ɖe le ƒo wò; eƒo wò ƒu anyi eye nèse veve." data/train/JOB/JOB_008_Verse_021.mp3,"Ɖeko wòle abe ati si wode tsii nyuie le ŋdɔgbe ene ekekea eƒe alɔwo ɖe abɔa me," data/train/JOB/JOB_032_Verse_013.mp3,"Menɔ lalam esi mienɔ nu ƒom, meɖo to se miaƒe nyameɖeɖewo kple ale si nya vɔ le mia si eye mienɔ nya si miagblɔ la dim." data/train/JOB/JOB_009_Verse_022.mp3,"Ne exɔ nu le ame si sesẽtɔe la, ame kae ate ŋu aɖo asi edzi? Ame kae ate ŋu agblɔ nɛ be, ‘Nu kae nye ema wɔm nèle?’" data/train/JOB/JOB_015_Verse_029.mp3,“Wòe nye ame gbãtɔ si wodzi kpɔa? Ɖe wodzi wò hafi togbɛwo va dzɔa? data/train/JOB/JOB_034_Verse_011.mp3,"Etsɔ aglãdzedze kpe ɖe eƒe nu vɔ̃ ŋuti, esia akpe fewuɖutɔe le mía dome eye wòle nyawo gblɔm fũu ɖe Mawu ŋu.”" data/train/JOB/JOB_034_Verse_015.mp3,"Fia nu si nyemate ŋu akpɔ o lam, ne mewɔ nu gbegblẽ la, nyemagawɔe azɔ o.’" data/train/JOB/JOB_006_Verse_006.mp3,“Ele na xɔlɔ̃wo be woakpe ɖe ame si ƒo dzi ɖe le la ŋu togbɔ be egbe nu le Ŋusẽkatãtɔ vɔvɔ̃ gbɔ hã. data/train/JOB/JOB_039_Verse_029.mp3,“Ɖe to si le gbe me la alɔ̃ asubɔ wòa? Atɔ ɖe wò gbeɖuƒe le zã mea? data/train/JOB/JOB_019_Verse_008.mp3,Eƒe dziku bi ɖe ŋunye eye wòbum ɖe eƒe ketɔwo dome. data/train/JOB/JOB_026_Verse_000.mp3,Ame kae kpe ɖe ŋuwò be nègblɔ nya siawo? Eye ame ka ƒe gbɔgbɔe ƒo nu to dziwò? data/train/JOB/JOB_034_Verse_024.mp3,"Ne enye eƒe tameɖoɖo eye wòɖo asi eƒe gbɔgbɔ kple agbegbɔgbɔ dzi la," data/train/JOB/JOB_034_Verse_000.mp3,"Ame kae le abe Hiob, ame si no fewuɖuɖu abe tsi ene?" data/train/JOB/JOB_002_Verse_002.mp3,"Do wò asi ɖa eye nàtu nu kple eƒe ŋutilã kple eƒe ƒuwo, ekema nàkpɔe ɖa be mado ɖiŋu na wò le wò ŋutɔ wò ŋkume o mahã?”" data/train/JOB/JOB_021_Verse_021.mp3,Ne mebu nu sia ŋuti la ŋɔ dziam eye nye ameti blibo la medzona nyanyanya. data/train/JOB/JOB_009_Verse_000.mp3,"aganyrɔm ɖe anyiʋe me, ale be manyɔ ŋu na nye awuwo gɔ̃ hã." data/train/JOB/JOB_004_Verse_005.mp3,"Etɔ gake nyemate ŋu agblɔ nu si wònye o. Nɔnɔme aɖe va tsi tsitre ɖe ŋkunye me eye mese gbe bɔlɔe aɖe be," data/train/JOB/JOB_039_Verse_020.mp3,Metsɔ gbegbe nɛ be wòanye eƒe aƒe kple dzeƒi gbadza la nɛ be wòanye enɔƒe. data/train/JOB/JOB_031_Verse_026.mp3,"Nenye be nye afɔ tra le mɔ la dzi, nenye be nye dzi kplɔ nu si nye ŋkuwo kpɔ la ɖo alo nye asiwo ƒo ɖi la," data/train/JOB/JOB_011_Verse_007.mp3,"Ke ne eva do, hede wò gaxɔ me eye wòdrɔ̃ ʋɔnu wò la, ame ka ate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu?" data/train/JOB/JOB_041_Verse_002.mp3,"Ame ka ate ŋu ake eƒe nu, nu si me aɖuwo katã kpe ɖe wo nɔewo nu le kple vɔvɔ̃?" data/train/JOB/JOB_016_Verse_006.mp3,eƒe aŋutrɔdalawo ɖe to ɖem. Eŋɔ nye ayikuwo nublanuimakpɔmakpɔtɔe eye wòna nye vevego gbã hekɔ ɖe anyigba. data/train/JOB/JOB_034_Verse_026.mp3,"“Nugɔmeselawo gblɔe eye nunyala siwo se nye nyawo la gblɔ nam be," data/train/JOB/JOB_032_Verse_011.mp3,"Mebu be, ‘Tsitsi neƒo nu eye ƒe geɖe nefia nunya.’" data/train/JOB/JOB_031_Verse_030.mp3,"“Nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye futɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e me dzedze ŋu alo dzɔ dzi le hiã siwo tui ta la, eya ko magblɔ nya aɖe." data/train/JOB/JOB_019_Verse_025.mp3,“Va se ɖe ɣe ka ɣie miawɔ funyafunyam eye miatsɔ miaƒe nyawo agbãm? data/train/JOB/JOB_022_Verse_027.mp3,“Ɖe ame anye viɖenu na Mawua? Ɖe nunyala gɔ̃ hã anye viɖenu nɛa? data/train/JOB/JOB_014_Verse_003.mp3,“Amegbetɔ si nyɔnu dzi ƒe agbemeŋkekewo le kpuie eye woyɔ fũu kple fukpekpe. data/train/JOB/JOB_017_Verse_006.mp3,"“Mawu tsɔm wɔ lodonue na ame sia ame, ame si ƒe ŋkume amewo ɖea ta ɖo gɔ̃ hã." data/train/JOB/JOB_033_Verse_019.mp3,"Ke hã la, ne Mawudɔla le eƒe axadzi abe nyaxɔɖeakɔla ene, ɖeka le akpe dome, be wòagblɔ nu si nyo na ame la nɛ," data/train/JOB/JOB_013_Verse_011.mp3,"Mise ɖokuinyenuɖeɖe azɔ, mise nye nuyiwo ƒe kokoƒoƒo." data/train/JOB/JOB_021_Verse_009.mp3,eƒe ŋutilã kpɔ nunyiame nyuitɔ eye ƒutomemi yɔ eƒe ƒuwo me fũu. data/train/JOB/JOB_029_Verse_013.mp3,"Metiaa mɔ si woato la na wo, menɔa wo dome abe woƒe tatɔ ene eye menɔa wo dome abe woƒe fia le eƒe aʋakɔwo dome ene. Menɔna abe ame si faa akɔ na konyifalawo ene." data/train/JOB/JOB_031_Verse_015.mp3,Gake nyemeɖe mɔ na nye nu be wòawɔ nu vɔ̃ to ɖiŋudodo na eƒe agbe me o. data/train/JOB/JOB_008_Verse_005.mp3,“Enye nyateƒe be Mawu megbea ame si ŋu fɔɖiɖi mele o alo doa ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi o. data/train/JOB/JOB_033_Verse_009.mp3,"Eƒe luʋɔ te ɖe yɔdo ŋu kpokploe, eye eƒe agbe ɖo ku ƒe dɔlawo ƒe asi me." data/train/JOB/JOB_019_Verse_012.mp3,"Mele ŋu nyɔm na xɔ̃nye veviwo katã eye ame siwo melɔ̃ la, tso ɖe ŋutinye." data/train/JOB/JOB_007_Verse_008.mp3,"Menyɔ ŋu nye agbe, nyemanɔ agbe ɖaa o. Ɖe asi le ŋunye, viɖe mele nye ŋkekewo ŋu o." data/train/JOB/JOB_036_Verse_024.mp3,"Mawu lolo loo, ekɔ gbɔ míaƒe gɔmesese ta! Eƒe ƒewo ƒe gɔmedidi gbɔ míaƒe nudidi ƒe ŋutete ta." data/train/JOB/JOB_018_Verse_013.mp3,Wolɔa ke kɔna ɖe mɔka dzi nɛ le anyigba eye wotrea mɔ ɖe eƒe mɔ me. data/train/JOB/JOB_015_Verse_002.mp3,"ame siwo ko wotsɔ anyigba la na, esi amedzro aɖeke meto wo dome o." data/train/JOB/JOB_031_Verse_025.mp3,"nenye be meɖu eƒe kutsetsewo femaxee alo mena dɔwɔla siwo le agblea dzi la ƒe gbɔgbɔ gbã gudugudugudu la," data/train/JOB/JOB_021_Verse_008.mp3,"Eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo nekpɔ eƒe gbegblẽ, eye wòano Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoekplu" data/train/JOB/JOB_038_Verse_015.mp3,"“Àte ŋu akɔ gbe dzi ado ɣli na lilikpowo, eye nàtsɔ tsiɖɔɖɔ atsyɔ ɖokuiwò dzia?" data/train/JOB/JOB_031_Verse_001.mp3,ekema ame bubuwo neɖu nu siwo meƒã eye woneho nye nukuwo le bo dzi. data/train/JOB/JOB_037_Verse_014.mp3,Eɖe asi le eƒe dzokeke ŋu ɖe yame katã eye wòɖoe ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke hã data/train/JOB/JOB_006_Verse_010.mp3,Kpe ƒe ŋusẽe le asinyea? Akɔblie nye nye ŋutilãa? data/train/JOB/JOB_028_Verse_022.mp3,"Tsiẽƒe kple ku gblɔ be, ‘Nyasegblɔ tso eŋuti koe ɖo míaƒe towo me.’" data/train/JOB/JOB_041_Verse_027.mp3,"Ne èka asi eŋuti la, àɖo ŋku avuwɔwɔ si yi edzi la dzi eye madzro wò be nàgawɔe o!" data/train/JOB/JOB_013_Verse_003.mp3,"Ède gakɔsɔkɔsɔ nye afɔwo, wò ŋkuwo le nye toƒewo katã ŋu eye nède dzesi nye afɔƒome." data/train/JOB/JOB_040_Verse_003.mp3,"Ekema nye ŋutɔ maʋu eme na wò be, wò ŋutɔ wò ɖusibɔ axɔ na wò." data/train/JOB/JOB_031_Verse_036.mp3,"“O, ɖe ame aɖe le asinye aɖo tom ɖe! Kpɔ ɖa mede asi ɖokuinyetaʋlinyawo te, azɔ la, Ŋusẽkatãtɔ la neɖo eŋu nam, ame si le nunye tsom la hã neŋlɔ nunyetsonyawo ɖe agbalẽ dzi." data/train/JOB/JOB_038_Verse_030.mp3,"“Èɖe gbe na ŋdi kpɔ tso esi wò ŋkekewo dze egɔme alo na fɔŋli nya eƒe nɔƒe," data/train/JOB/JOB_021_Verse_030.mp3,Woɖea wo viwo doa goe abe lãha ene eye wo vi suewo nɔa fefem henɔa ɣe ɖum. data/train/JOB/JOB_040_Verse_021.mp3,“Ɖe ame si le nya hem kple Ŋusẽkatãtɔ la aɖɔe ɖoa? Ame si tsɔ nya ɖe Mawu ŋu la neɖo eŋu nɛ!” data/train/JOB/JOB_028_Verse_010.mp3,"Eɖe do wògoglo yi eme ʋĩi hedidi tso amenɔƒe gbɔ, teƒe si amewo ƒe afɔ mede kpɔ o; teƒe goglo sia, si didi tso amewo gbɔ lae wonɔa ka me henɔa nyenyem le yame le." data/train/JOB/JOB_006_Verse_011.mp3,"Megbe be nyemaɖui o, nuɖuɖu mawo tɔgbi ɖe wònana medzea dɔ." data/train/JOB/JOB_041_Verse_003.mp3,Ame ka ate ŋu aɖe awu si wòdo ɖe edzi la le eŋu? Ame ka ate ŋu ado ɖe egbɔ kple gaƒli? data/train/JOB/JOB_029_Verse_011.mp3,Menye tɔ na hiãtɔwo eye mexɔa nya ɖe amedzrowo nu. data/train/JOB/JOB_031_Verse_020.mp3,"ne mekɔ nye asi dzi ɖe tsyɔ̃evi ŋu, evɔa menya be woxɔa nye nya le ʋɔnu la," data/train/JOB/JOB_015_Verse_016.mp3,Magakpɔ hotsui o eye eƒe kesinɔnuwo maganɔ anyi alo eƒe nunɔamesiwo nagbagba ɖe anyigba dzi o. data/train/JOB/JOB_017_Verse_000.mp3,Ame dzɔdzɔewo ƒe mo wɔ yaa le esia ta; dɔ me ve ame maɖifɔwo ɖe mawumavɔ̃lawo ŋuti. data/train/JOB/JOB_035_Verse_012.mp3,"Ne èwɔ nu vɔ̃ la, nu ka wòawɔ le eŋu? Ne wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ fũu la, nu ka wòagblẽ le eŋu?" data/train/JOB/JOB_002_Verse_000.mp3,"Ale Satana dzo le Yehowa ŋkume hekplɔ abi vɔ̃ɖi aɖewo ƒu Hiob, tso eƒe afɔgɔme va se ɖe eƒe dzodome." data/train/JOB/JOB_022_Verse_011.mp3,"eye nètsɔ wò dzonu veviwo kɔ ɖe ke me, tsɔ wò sika adodoe si tso Ofir ƒu gbe ɖe agakpewo tome la," data/train/JOB/JOB_031_Verse_007.mp3,Elabena esia anye ŋukpenanu kple nu vɔ̃ si dze na ʋɔnudɔdrɔ̃. data/train/JOB/JOB_031_Verse_031.mp3,"nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye kesinɔnu gbogboawo ta, nu siwo nye alɔ wɔ dɔ kpɔ," data/train/JOB/JOB_030_Verse_019.mp3,"“O Mawu, mefa avi yɔ wò gake mètɔ nam o, metsi tsitre gake ɖeko nèkpɔm dũu." data/train/JOB/JOB_041_Verse_026.mp3,"Naneke mele anyigba dzi sɔ kplii o, enye nuwɔwɔ si mevɔ̃a naneke o." data/train/JOB/JOB_008_Verse_008.mp3,eƒe kewo blana ɖe agakpe geɖewo ŋu eye wodia teƒe le kpewo dome. data/train/JOB/JOB_034_Verse_030.mp3,"Togbɔ be tɔnye dzɔ hã la, wobum alakpatɔe, togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la, eƒe aŋutrɔ de abi makumaku ŋutinye’" data/train/JOB/JOB_008_Verse_014.mp3,“Va se ɖe ɣe ka ɣie nànɔ nya siawo gblɔm? Wò nyawo nye yaƒoƒo sesẽ ɖeɖe ko. data/train/JOB/JOB_037_Verse_007.mp3,"Ehea lilikpowo vɛ be woahe to na amewo alo be woade tsi anyigba, ne wòaɖe eƒe lɔlɔ̃ afia ameawo." data/train/JOB/JOB_016_Verse_002.mp3,"Azɔ gɔ̃ hã la, nye ɖasefo le dziƒo eye nye nyaxɔɖeakɔla le afi ma." data/train/JOB/JOB_036_Verse_013.mp3,"Kakaɖedzi nenɔ asiwò be, nye nyawo menye aʋatso o eya ta ame si si gɔmesese deto le lae le gbɔwò." data/train/JOB/JOB_008_Verse_016.mp3,Wò gɔmedzedze anɔ sue gake emegbe àdzi asɔ gbɔ ɖe edzi. data/train/JOB/JOB_038_Verse_002.mp3,"“Afi ka nènɔ esi meɖo anyigba ƒe gɔmeɖokpewo anyi? Gblɔe nam, ne èse egɔme." data/train/JOB/JOB_038_Verse_010.mp3,"Ame kae ɖo toƒe na tsi gã siwo dzana kple mɔ na ahom sesẽwo," data/train/JOB/JOB_005_Verse_025.mp3,Viviti dona ɖe wo le ŋkeke me eye wotsaa asi blukɔ me abe zã mee ene. data/train/JOB/JOB_035_Verse_016.mp3,"Wu mo dzi nàkpɔ dziƒo ɖa, le ŋku ɖe lilikpo siwo le dziƒo boo le tawòme" data/train/JOB/JOB_040_Verse_002.mp3,"“Bla ali dzi abe ŋutsu ene, mabia nya wò eye nàɖo eŋu nam." data/train/JOB/JOB_036_Verse_022.mp3,"“Kpɔ ɖa, wodo Mawu ɖe dzi bobobo le eƒe ŋusẽ me. Ame kae nye nufiala abe eya ene?" data/train/JOB/JOB_011_Verse_001.mp3,"Ànɔ dedie elabena mɔkpɔkpɔ li, àtsa ŋku godoo eye àmlɔ anyi bɔkɔɔ le dedinɔnɔ me." data/train/JOB/JOB_004_Verse_009.mp3,"“Ne ame aɖe te kpɔ be yeaƒo nu kpli wò la, ɖe nàgbɔ dzi ɖi aseea? Ke ame kae ate ŋu azi ɖoɖoe le nu sia ŋuti?" data/train/JOB/JOB_036_Verse_025.mp3,"“Mawu nye Ŋusẽtɔ, etri akɔ eye meʋãna le eƒe taɖodzinu me o gake medoa vlo amewo o." data/train/JOB/JOB_001_Verse_018.mp3,Via ŋutsuwo ɖoa nuɖukplɔ̃ na wo xɔlɔ̃wo ɖe woƒe aƒewo me ɖe wo nɔewo yome eye wokpea wo nɔvinyɔnu etɔ̃awo be woaɖu nu ano nu kple yewo. data/train/JOB/JOB_028_Verse_016.mp3,“Ke afi ka woakpɔ nunya le? Afi ka gɔmesese nɔna? data/train/JOB/JOB_011_Verse_000.mp3,Àmlɔ anyi eye ame aɖeke mava do ŋɔdzi na wò o; ale ame geɖewo ava bia amenuveve tso gbɔwò. data/train/JOB/JOB_035_Verse_000.mp3,Ale Hiob ke eƒe nu hegblɔ nya dzodzrowo eye wòlɔ nya siwo me gɔmesese aɖeke mele o la kɔ ɖi gleglegle.” data/train/JOB/JOB_009_Verse_004.mp3,ekema nye fukpekpewo katã doa ŋɔdzi nam elabena menyae be màbum fɔmaɖilae o. data/train/JOB/JOB_038_Verse_027.mp3,esi ŋukeɣletiviwo le ha dzim ɖekae eye Mawudɔlawo katã do dzidzɔɣli? data/train/JOB/JOB_042_Verse_008.mp3,"eya ta azɔ mitsɔ nyitsu adre kple agbo adre, ne miayi ɖe nye dɔla Hiob gbɔ eye miasa numevɔ na mia ɖokuiwo. Nye dɔla Hiob ado gbe ɖa ɖe mia ta, mase eƒe gbedodoɖa eye nyemaɖo miaƒe bometsinuwo teƒe na mi o elabena mieƒo nu nyui tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o.”" data/train/JOB/JOB_015_Verse_020.mp3,Nu ka nènya si míawo ya míenya o? Nu ka gɔmee nèse esi gɔme míawo míese o? data/train/JOB/JOB_039_Verse_003.mp3,Àte ŋu aɖo dzi ɖe eŋu be atsɔ wò lu agbɔe na wò dedie eye wòaƒoe ƒu ɖe wò lugbɔƒea? data/train/JOB/JOB_041_Verse_023.mp3,"Kpo le nɛ abe gbe ƒuƒu ene eye ne yi le gbe dom la, eɖia kokoe nɛ." data/train/JOB/JOB_009_Verse_024.mp3,"Ne mele tsi kple tsiledzalẽ eye metsɔ nunyadzalẽ klɔ asi gɔ̃ hã la," data/train/JOB/JOB_040_Verse_000.mp3,“Aleke nye ame si medze o la maɖo nya ŋu na wòe? Metsɔ nye asi ɖo nye nu. data/train/JOB/JOB_019_Verse_002.mp3,ekema yi nedo vɔvɔ̃ na miawo ŋutɔ elabena dziku atsɔ yi ahe toe eye mianya be ʋɔnudɔdrɔ̃ li.” data/train/JOB/JOB_029_Verse_006.mp3,esi nye toƒe nye notsi kpeke ɖeɖe eye amitimi ɖuɖu bababa tso agakpe me nam. data/train/JOB/JOB_005_Verse_012.mp3,Elabena fukpekpe medoa go tso ke me alo dzɔgbevɔ̃e medona tso anyigba tume o. data/train/JOB/JOB_038_Verse_004.mp3,"Ame ka sie nunya le be wòaxlẽ lilikpowo? Ame kae ate ŋu aviã tsizɔ siwo le dziƒo," data/train/JOB/JOB_021_Verse_026.mp3,"Wonɔa agbe, kpɔa wo viwo lia ke heƒoa xlã wo eye woƒe dzidzimeviwo tsina le wo ŋkume." data/train/JOB/JOB_016_Verse_018.mp3,"“O, anyigba, mègatsyɔ nye ʋu dzi o eye ɖoɖoe megazi le nye ɣlidodo nu o!" data/train/JOB/JOB_020_Verse_007.mp3,"Esia nye gomekpɔkpɔ si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo, eye wònye domenyinu tso Mawu gbɔ na wo.”" data/train/JOB/JOB_037_Verse_004.mp3,"Azɔ la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ ɣe o elabena ele keklẽm le dziƒo ŋutɔ, esi yaƒoƒo na eƒe mo kɔ nyuie." data/train/JOB/JOB_024_Verse_018.mp3,"Wodoa wo ɖe dzi ɣeyiɣi kpui aɖe, tete wo nu va yina, woɖiɖia wo ɖe anyi eye wokuna abe bubuawo katã ko ene ale woŋea wo abe ale si woŋea bli le bliti ŋu ene." data/train/JOB/JOB_037_Verse_016.mp3,"“Gblɔ nu si míagblɔ nɛ la na mí, míate ŋu ahe míaƒe nya ayi egbɔe o elabena míawo míele viviti me." data/train/JOB/JOB_033_Verse_006.mp3,Elabena Mawu ƒoa nu to mɔ sia alo ekemɛ dzi togbɔ be amegbetɔ mekpɔe dze sii o hã. data/train/JOB/JOB_038_Verse_032.mp3,Meka ɖe edzi be ènyae elabena wodzi wò ye ma ɣi xoxo! Ƒe geɖewoe nye esia esi nèle agbe! data/train/JOB/JOB_018_Verse_011.mp3,Vi alo dzidzimevi menɔa esi le eƒe amewo dome o eye ame aɖeke metsia agbe le teƒe si wònɔ va yi o. data/train/JOB/JOB_024_Verse_005.mp3,"Amewo ɖea liƒokpewo ɖa, wokplɔa lãha siwo wofi la yia gbeɖuƒee." data/train/JOB/JOB_033_Verse_028.mp3,Nye nyawo tso dzi vavã me eye nye nu agblɔ nu si menya le anukware me. data/train/JOB/JOB_003_Verse_002.mp3,Ame gblɔewo kple amegãwo siaa le afi ma eye kluvi kpɔa ablɔɖe tso eƒe aƒetɔ ƒe asi me. data/train/JOB/JOB_006_Verse_014.mp3,"Miɖe asi, migawɔ nu madzɔmadzɔ o migbugbɔ bu eŋuti elabena nye nuteƒewɔwɔ ɖo xaxa me." data/train/JOB/JOB_028_Verse_027.mp3,Woɖea safirkpe tso eƒe kpe siwo wogbã la me eye woɖea sika tso eƒe kewɔ me. data/train/JOB/JOB_013_Verse_027.mp3,Ɖe miebe yewoade edzia? Ɖe miebe yewoaxɔ nya ɖe Mawu nua? data/train/JOB/JOB_019_Verse_004.mp3,"Evuvum kɔ ɖi le akpa sia akpa va se ɖe esime medzo, ale wòho nye mɔkpɔkpɔ abe ati ene." data/train/JOB/JOB_020_Verse_017.mp3,Ne eƒe ƒodo yɔ nyuie la Mawu atrɔ eƒe dziku bibi akɔ ɖe edzi eye wòana eƒe dɔmedzoe nadza ɖe edzi. data/train/JOB/JOB_004_Verse_011.mp3,"Ne Mawu meka ɖe eƒe dɔlawo dzi o eye wòbua fɔ eƒe dɔlawo be woda vo," data/train/JOB/JOB_035_Verse_015.mp3,"Vavã, Mawu meɖo to woƒe kokoƒoƒo gbɔlo la o eye Ŋusẽkatãtɔ la do toku wo." data/train/JOB/JOB_030_Verse_013.mp3,"Menya be àhem ayi ku me, teƒe si woɖo ɖi na kodzogbeawo katã." data/train/JOB/JOB_032_Verse_012.mp3,Menye tsitsiawo koe nye nunyalawo o eye menye amegãxoxowo koe se nu si le dzɔdzɔe la gɔme o. data/train/JOB/JOB_031_Verse_008.mp3,"Elabena gbegblẽ si tso Mawu gbɔ la le ŋɔ dzim nam, eye vɔvɔ̃ na eƒe atsyɔ̃ mana mawɔ nu mawo o." data/train/JOB/JOB_041_Verse_014.mp3,Eklẽa ŋku ɖe nu siwo katã doa wo ɖokui ɖe dzi eye wònye fia ɖe nu siwo katã dana la dzi.” data/train/JOB/JOB_002_Verse_011.mp3,"Yehowa bia Satana be, “Afi ka nètso va do?” Satana ɖo eŋu be, “Metso tsatsa ge le anyigba dzi eye menɔ yiyim, nɔ gbɔgbɔm le edzi.”" data/train/JOB/JOB_040_Verse_004.mp3,Ekema tsɔ ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ ɖɔ na ɖokuiwò eye nàtsɔ bubu kple gãnyenye ado na ɖokuiwò. data/train/JOB/JOB_010_Verse_016.mp3,Ɖe mèfa ayi kple lãkusi ɖe ŋunye eye nètem ƒo ƒu ɖe nye ƒuwo kple lãmekawo ŋuti oa? data/train/JOB/JOB_038_Verse_020.mp3,Ènya dziƒo ƒe sewoa? Àte ŋu aɖo Mawu ƒe fiaɖuɖu anyi ɖe anyigba dzia? data/train/JOB/JOB_021_Verse_028.mp3,"Woƒe nyitsuwo megbea asiyɔyɔ o, woƒe nyinɔwo dzia vi eye fu megena le wo ƒo o." data/train/JOB/JOB_034_Verse_018.mp3,"Ke ne ezi ɖoɖoe kpoo la, ame ka abu fɔe? Ne eɣla eƒe mo la, ame ka ate ŋu akpɔe? Ke hã la, ele amewo kple dukɔwo tame sɔsɔe," data/train/JOB/JOB_007_Verse_002.mp3,Ale be melɔ̃ kudɔƒoƒo kple ku wu nye ŋutilã sia. data/train/JOB/JOB_037_Verse_019.mp3,"Le eƒe mɔfiafia nu wotrɔa trɔgodoe le anyigba la katã ŋkume, be woawɔ nu sia nu si ƒe se wòde na wo." data/train/JOB/JOB_041_Verse_031.mp3,"Yi si kaa eŋu la mewɔa nanekee o, nenema kee nye akplɔ, aŋutrɔ kple akplɔ nuɖekɛ." data/train/JOB/JOB_006_Verse_022.mp3,“Ŋusẽ kae gale asinye be maganɔ mɔ kpɔm? Mɔnukpɔkpɔ kawoe gali ta magbɔ dzi ɖi? data/train/JOB/JOB_007_Verse_001.mp3,"Abe ale si lilikpo buna eye enu va yinae ene la, nenemae ame si yi tsiẽƒe la megagbɔna o." data/train/JOB/JOB_012_Verse_012.mp3,"“Ke bia gbemelãwo, ne woafia nu wò alo dziƒoxeviwo, ne woagblɔe na wò." data/train/JOB/JOB_035_Verse_007.mp3,"Gawu la, egblɔ be eƒe dziku mehea to na ame gbeɖe o eye menyea kɔ kpɔa vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gɔ̃ hã o." data/train/JOB/JOB_012_Verse_024.mp3,Ɖe to medoa nyawo kpɔ abe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene oa? data/train/JOB/JOB_011_Verse_009.mp3,"Le nyateƒe me la, àŋlɔ wò hiãkame be eye àɖo ŋku edzi ko abe tsi sisi si nu va yi la ene." data/train/JOB/JOB_041_Verse_013.mp3,"Egblẽa mɔ si le dzo dzam la ɖe emegbe eye wòtrɔa atsiaƒu wòzua futukpɔ ɣi, ale nàbu be atsiaƒua ɖe wòƒo wɔ ene." data/train/JOB/JOB_024_Verse_006.mp3,Esi avɔ mele wo si o ta la womlɔ anyi ƒuƒlu le zã me eye naneke meli woatsyɔ le vuvɔ me o. data/train/JOB/JOB_039_Verse_005.mp3,"Edo ɣli be, ‘Aha!’ ne kpẽa ɖi. Esea aʋa ƒe ʋeʋẽ le adzɔge ke kple aʋakplɔlawo ƒe gbeɖeɖe kple aʋaɣli." data/train/JOB/JOB_032_Verse_018.mp3,"“Woƒe mo wɔ yaa, nya aɖeke megale wo si woagblɔ o eye gbɔgblɔ bu ɖe wo." data/train/JOB/JOB_041_Verse_032.mp3,Ŋusẽ le eƒe kɔ me eye dɔmedzoe le eŋgɔ. data/train/JOB/JOB_026_Verse_005.mp3,Ena dziŋgɔli me kɔ to eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ dzi eye eƒe asi ŋɔ da vɔ̃ɖi si ɖiɖi va yina. data/train/JOB/JOB_034_Verse_002.mp3,"ame si medea amegãwo dzi o eye mewɔa nyui na kesinɔtɔwo, gblẽa ame dahewo ɖi o, elabena wo katã nye eƒe asinudɔwɔwɔwo oa?" data/train/JOB/JOB_005_Verse_021.mp3,“Míedo esia kpɔ eye wònye nyateƒe. Eya ta see ne nànɔ agbe ɖe eŋu.” data/train/JOB/JOB_010_Verse_014.mp3,“ ‘Wò asiwoe wɔm eye womem. Ɖe nàtrɔ azɔ atsrɔ̃ma? data/train/JOB/JOB_030_Verse_004.mp3,Ètrɔ dze dzinye nublanuimakpɔmakpɔtɔe eye nètsɔ wò alɔkpa sesẽ ɖu dzinyee. data/train/JOB/JOB_020_Verse_012.mp3,"Le eƒe nukpɔkpɔ gbogboawo dome la, xaxa ava edzi eye hiãtuame ƒe ŋusẽ katã ava edzi." data/train/JOB/JOB_031_Verse_035.mp3,nu ka mawɔ ne Mawu bia gbem? Ŋuɖoɖo ka mana ne eyɔm be mana akɔnta? data/train/JOB/JOB_005_Verse_000.mp3,Ale mɔkpɔkpɔ ɖoa hiãtɔ si eye nu madzɔmadzɔ miaa eƒe nu. data/train/JOB/JOB_030_Verse_023.mp3,Wole xɔxlɔ̃m le gbe me eye woƒo ta kpli ɖe avekawo te. data/train/JOB/JOB_022_Verse_021.mp3,"“Tsɔ ɖokuiwò na Mawu eye nànɔ ŋutifafa me kplii, to esia me la, dzɔgbenyui ava wò mɔ dzi." data/train/JOB/JOB_009_Verse_030.mp3,"Togbɔ be nyemedze agɔ o hã la, nyemate ŋu aɖo nya ŋu nɛ o. Kuku ko mate ŋu aɖe na nye Ʋɔnudrɔ̃la be wòakpɔ nublanui nam." data/train/JOB/JOB_015_Verse_031.mp3,Xaxa kple vevesese na ŋɔdzi lé eya amea ŋutɔ eye wova dze edzi abe fia si le klalo na aʋakpekpe ene. data/train/JOB/JOB_027_Verse_008.mp3,“Mafia nu mi tso Mawu ƒe ŋusẽ ŋuti eye nyemaɣla Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mɔwo ɖe mi o. data/train/JOB/JOB_021_Verse_004.mp3,“Amegbetɔe mele konyi fam na? Nu ka ta nyemagbe dzigbɔɖeanyi o? data/train/JOB/JOB_039_Verse_023.mp3,Wodzea klo hedzia vi eye woƒe kuléle wua nu. data/train/JOB/JOB_006_Verse_018.mp3,“Ne ɖe woada nye vevesese eye woada nye fukpekpewo ɖe nudanu me ɖe! data/train/JOB/JOB_034_Verse_036.mp3,"Ɖe menye Eyae nye ame si gblɔ na fiawo be, ‘Mienyo na naneke o’ eye na bubumewo be, ‘Ame vɔ̃ɖiwo mienye’ oa," data/train/JOB/JOB_003_Verse_000.mp3,Afi ma ame vɔ̃ɖiwo dzudzɔa nyanyra le eye afi ma ame siwo nu ti kɔ na la le gbɔgbɔm ɖe eme le. data/train/JOB/JOB_028_Verse_028.mp3,Xe ƒonuwo menya toƒe ɣaɣla ma o eye aʋako aɖeke ƒe ŋku mekpɔe kpɔ o data/train/JOB/JOB_027_Verse_013.mp3,nye nuyi magblɔ nya vɔ̃ɖi o eye nye aɖe magblɔ beblenya aɖeke o. data/train/JOB/JOB_022_Verse_026.mp3,"Xɔ nufiame tso eƒe nu me, eye nàtsɔ eƒe nyawo adzra ɖo ɖe wò dzi me" data/train/JOB/JOB_019_Verse_020.mp3,Nu ka ta mieti yonyeme abe ale si Mawu ti yonyemee ene? Nye ŋutilã si mieɖu la mesɔ gbɔ na mi oa? data/train/JOB/JOB_010_Verse_008.mp3,"“ ‘Ke nu ka ŋuti nèna medo tso danye ƒe dɔ me? Ɖe meku ɖe danye ƒe dɔ me la, adzɔ dzi nam ŋutɔ, anye ne ŋku aɖeke mekpɔm o." data/train/JOB/JOB_001_Verse_014.mp3,"Le esiawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ to fɔbubu Mawu me be ewɔ nu gbegblẽ o." data/train/JOB/JOB_021_Verse_024.mp3,"Wogblɔ be, ‘Mawu ɖo amegbetɔ ƒe tohehe ɖi na via ŋutsuwo.’ Anyo be wòahe to na amea ŋutɔ, ne wòanya nu si wònye!" data/train/JOB/JOB_022_Verse_023.mp3,"Wogblɔ na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu! Nu kae Ŋusẽkatãtɔ la awɔ mí?’" data/train/JOB/JOB_007_Verse_003.mp3,be nèléa ŋku ɖe eŋu ŋdi sia ŋdi eye nèdonɛ kpɔ aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe? data/train/JOB/JOB_015_Verse_034.mp3,Ɖe wòatsɔ nya manyatalenuwo ahe nya alo atsɔ nuƒoƒo si nye nya dzodzro ahe nyaea? data/train/JOB/JOB_026_Verse_014.mp3,"Ne ele mo kam na nuwɔwɔwo la, dziƒosɔtiwo ʋuʋuna eye wodzona nyanyanya." data/train/JOB/JOB_019_Verse_016.mp3,"“Mikpɔ nye nublanui, xɔ̃nyewo, mikpɔ nublanui nam elabena Mawu ƒe asi ƒom." data/train/JOB/JOB_008_Verse_019.mp3,Ɖe Mawu atso afia ŋkunɔa? Ɖe Ŋusẽkatãtɔ la atrɔ nya dzɔdzɔe abua? data/train/JOB/JOB_036_Verse_008.mp3,Enana woɖoa to ɖɔɖɔɖo eye wòɖea gbe na wo be woatrɔ le woƒe nu vɔ̃ɖi la me. data/train/JOB/JOB_029_Verse_001.mp3,Ame sia ame si ɖo tom la kafuam eye ame siwo kpɔm la ƒoa nu nyui tso ŋutinye data/train/JOB/JOB_034_Verse_032.mp3,"Wokuna kpata le zãtitina, ameawo ʋuʋuna eye wo nu va yina ale woɖea kalẽtɔwo ɖa amegbetɔ ƒe asi manɔmee." data/train/JOB/JOB_009_Verse_011.mp3,"Eƒe nunya de to, eƒe ŋusẽ keke ta, ame kae tso ɖe eŋu kpɔ gbe abixɔxɔ?" data/train/JOB/JOB_040_Verse_009.mp3,Eƒe ƒuwo le abe akɔbliga si me do le la ene eye eƒe afɔtiwo le abe gakpo ene. data/train/JOB/JOB_033_Verse_011.mp3,"Eɖe nye agbe tso yɔdomeyiyi me, eye manɔ agbe adzɔ dzi le eƒe kekeli me.’" data/train/JOB/JOB_033_Verse_000.mp3,ale be eya ameti bliboa nyɔa ŋu nuɖuɖu eye eƒe luʋɔ doa vlo nuɖuɖu vivitɔ gɔ̃ hã. data/train/JOB/JOB_006_Verse_029.mp3,"Ɖe ŋusẽ aɖe le asinye be makpe ɖe ɖokuinye ŋu, esi azɔ la wonya dzidzedzekpɔkpɔ ɖa le ŋunyea?" data/train/JOB/JOB_028_Verse_012.mp3,Eɣla ɖe nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe ŋkukpɔƒe eye woɣlae ɖe dziƒoxeviwo gɔ̃ hã. data/train/JOB/JOB_033_Verse_013.mp3,"“Gake magblɔe na wo be, le esia me ya, tɔwò medzɔ o, elabena Mawu lolo wu amegbetɔ." data/train/JOB/JOB_027_Verse_012.mp3,“Nye futɔwo nenɔ abe ame vɔ̃ɖiwo ene eye nye ketɔwo abe ame madzɔmadzɔwo ene! data/train/JOB/JOB_038_Verse_000.mp3,Afi ka mɔ si wotona yia teƒe si dzikedzo kakana le alo teƒe si wokakaa ɣedzeƒeya le ɖe anyigba blibo la dzi la to? data/train/JOB/JOB_006_Verse_017.mp3,"ne tsikpe si le ete doe ɖe dzi, ne sno si dza ɖe edzi la lolo hena wòsɔ gbɔ ɖe edzi" data/train/JOB/JOB_023_Verse_000.mp3,Afi ma ame dzɔdzɔe ate ŋu atsɔ eƒe nyawo aɖo eŋkume le eye woaɖem tegbee tso nye ʋɔnudrɔ̃la ƒe asi me. data/train/JOB/JOB_037_Verse_010.mp3,"Enyɔa tsi ɖe lilikpowo me, ekakaa eƒe dzikedzo to wo me." data/train/JOB/JOB_022_Verse_019.mp3,"Nu si nèɖo la, ava eme na wò eye kekeli aklẽ ɖe wò mɔwo dzi." data/train/JOB/JOB_038_Verse_036.mp3,"Tso nàbla ali dzi abe ŋutsu ene, mabia nya wò, nàɖo eŋu nam." data/train/JOB/JOB_031_Verse_017.mp3,Mana nutsotsoe tso nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋuti eye mate ɖe eŋu abe fiavi ene. data/train/JOB/JOB_038_Verse_011.mp3,"Anyigba trɔ eƒe nɔnɔme abe anyi le nutrenu te ene, eye eƒe nɔnɔme le abe avɔ tɔ ene." data/train/JOB/JOB_024_Verse_016.mp3,"Tsi ƒoa wo tea wo ŋu nyuie le towo dzi, wokuna ɖe agakpewo ŋu elabena bebeƒe meli o." data/train/JOB/JOB_039_Verse_010.mp3,Esẽa ŋuta le viawo ŋu abe menye eyae dzi wo o ene eye metsɔa ɖeke le eme ne eƒe agbagbadzedze zu dɔ vlo o. data/train/JOB/JOB_039_Verse_009.mp3,"Enɔa togbɛ kɔkɔ dzi eye wòtsia afi ma le zã me, agakpe tsakli tomee nye eƒe bebeƒe." data/train/JOB/JOB_033_Verse_005.mp3,"Edoa gbe ɖa na Mawu eye wòkpɔa amenuveve tso egbɔ, ekpɔa Mawu ƒe ŋkume eye wòdoa dzidzɔɣli, ale Mawu gaɖonɛ te, be wòanɔ dzɔdzɔenyenye si me wònɔ tsã." data/train/JOB/JOB_001_Verse_015.mp3,"Menye wòe tɔ kpɔ ƒo xlã eya amea, eƒemetɔwo kple nu sia nu si le esi la oa? Èyra eƒe asinudɔwo ale be eƒe alẽhawo kple lãhawo gbagbã ɖe anyigba dzi." data/train/JOB/JOB_030_Verse_026.mp3,"Wonyɔa ŋum, henɔa adzɔge nam eye woɖea ta ɖe mo nam faa." data/train/JOB/JOB_004_Verse_015.mp3,"Wogbãa wo gudugudu le fɔŋli kple zã dome, ame aɖeke menyana gɔ̃ hã o, ale wotsrɔ̃na gbidii." data/train/JOB/JOB_035_Verse_009.mp3,“Medi be maɖo eŋu na wò kple xɔ̃wò siwo le gbɔwò. data/train/JOB/JOB_010_Verse_007.mp3,"“ ‘Ke esiae nèɣla ɖe wò dzi me eye menya be esia le wò susu me be," data/train/JOB/JOB_020_Verse_022.mp3,"togbɔ be mate ŋu aɖe asi le eŋu o eye wòbe ɖe nu me nɛ hã la," data/train/JOB/JOB_015_Verse_009.mp3,Ele tsaglalã tsam le nuɖuɖu dim abe akaga ene elabena enya be vivitidogbe la tu aƒe kpokploe. data/train/JOB/JOB_007_Verse_007.mp3,"Magatrɔ ava eƒe aƒe me akpɔ o, eye eƒe nɔƒe hã magadze sii o." data/train/JOB/JOB_009_Verse_026.mp3,"Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la, nye nu abu fɔm, eye ne nyemedze agɔ o hã la, abu fɔm." data/train/JOB/JOB_029_Verse_008.mp3,Gbɔgblɔ buna ɖe ame ŋkutawo eye woƒe aɖe léna ɖe woƒe nu me. data/train/JOB/JOB_008_Verse_010.mp3,"Gake ne wohoe le enɔƒe la, teƒe la gbea nu le egbɔ eye wògblɔna be, ‘Nyemekpɔ wò kpɔ o.’" data/train/JOB/JOB_037_Verse_013.mp3,"Eƒe gbeɖeɖe kplɔa esia ɖo, ebluna kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe gbe. Ne eƒe gbe ɖi la, meléa naneke ɖi o." data/train/JOB/JOB_021_Verse_016.mp3,“Menya nu siwo susum miele la nyuie kple nu vɔ̃ɖi siwo ɖom miele be miadze agɔ le dzinye. data/train/JOB/JOB_030_Verse_007.mp3,Hiã kple dɔwuame na wowɔ ɖeƒomevie hele tsatsam le dzogbe kple kuɖiɖinyigbawo dzi le zã me. data/train/JOB/JOB_009_Verse_034.mp3,Wozɔ mii va yi abe aƒlaʋuwo ene eye abe hɔ̃woe de agba anyi be yewoaƒo nu le anyigba ene. data/train/JOB/JOB_038_Verse_014.mp3,Àte ŋu akplɔ ŋukeɣletiviwo ado goe ne woƒe dodoɣi ɖo alo akplɔ koklonɔ kple viawoa? data/train/JOB/JOB_025_Verse_005.mp3,"Ne ɣleti ƒe keklẽ menye naneke nɛ o eye ɣletiviwo hã medza le eŋkume o la," data/train/JOB/JOB_042_Verse_015.mp3,Womegakpɔ nyɔnu aɖeke le anyigba blibo la dzi wòdze tugbe de Hiob ƒe vinyɔnuwo nu o. Wo fofo na domenyinu wo ɖe wo nɔviŋutsuwo xa. data/train/JOB/JOB_021_Verse_003.mp3,Ame kae ɖe eƒe agbe vlo si nɔm wòle la ɖe mo nɛ kpɔ? Ame kae ɖoa nu tovo si wòwɔ la teƒe nɛ? data/train/JOB/JOB_005_Verse_018.mp3,"Gake abe ale si dzoxi dzona yia dzii ene la, nenemae wodzi ame na hiãtuame." data/train/JOB/JOB_022_Verse_005.mp3,"Ekema le nyateƒe me la, Ŋusẽkatãtɔ ƒe nu ado dzidzɔ na wò eye àwu wò mo dzi ɖe Mawu ŋu." data/train/JOB/JOB_039_Verse_024.mp3,Wòe na wòtia kpo abe ʋetsuvi ene eye wòdoa ŋɔdzi kple eƒe ŋɔtimegbɔgbɔa? data/train/JOB/JOB_019_Verse_000.mp3,Ame siwo va dze gbɔnye kple nye nyɔnudɔlawo bum amedzroe eye mezu du bubu me tɔ le wo ŋkume. data/train/JOB/JOB_023_Verse_001.mp3,"“Egbe gɔ̃ hã nye konyifafa do gã ɖe edzi, eƒe asi sẽ ɖe dzinye, evɔ mele hũu ɖem hafi." data/train/JOB/JOB_034_Verse_016.mp3,"“Hiob gblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ o gake Mawu gbe afiatsotso nam" data/train/JOB/JOB_004_Verse_008.mp3,"Le drɔ̃ewo me le zã me, esi amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la," data/train/JOB/JOB_005_Verse_010.mp3,"Egblẽa ayetɔwo ƒe ɖoɖowo me, ale be woƒe asiwo mekpɔa dzidzedze o." data/train/JOB/JOB_005_Verse_017.mp3,Eɖea hiãtɔwo tso yi si le woƒe nu me la me eye wòɖea wo le ŋusẽtɔwo ƒe fego me. data/train/JOB/JOB_022_Verse_028.mp3,“Ɖe Mawu mele dziƒo kɔkɔtɔ oa? Ɖe mekpɔ ale si ɣletivi kɔkɔtɔwo kɔkɔe oa? data/train/JOB/JOB_030_Verse_028.mp3,Woɖe wo ɖa le wo nɔvi amegbetɔwo ƒe ha me eye wodo ɣli ɖe wo ta abe fiafitɔwo wonye ene. data/train/JOB/JOB_031_Verse_034.mp3,"“Nenye ɖe nye anyigba fa avi ɖe ŋutinye eye eƒe boliƒowo yɔ kple aɖatsi," data/train/JOB/JOB_005_Verse_011.mp3,"Elabena edea abi ame ŋu eye wògablanɛ, ewɔa nuvevi ame gake eƒe asi yɔa dɔ." data/train/JOB/JOB_013_Verse_002.mp3,"Azɔ meɖo nye nyawo ɖe ɖoɖo nu vɔ, menya be tɔnye adzɔ godoo." data/train/JOB/JOB_009_Verse_005.mp3,Emli towo ɖa gake womenya o eye wòtrɔ wo bu anyi le eƒe dziku me. data/train/JOB/JOB_029_Verse_023.mp3,Wonɔa lalayem abe ale si wolalana na tsidzadza ene eye woxɔa nye nyawo dea wo ɖokui me abe ale si wonoa kelemetsi ene. data/train/JOB/JOB_008_Verse_007.mp3,"Esi wogale mumu ko eye womeɖo sisi me haɖe o la, woyrɔna kaba wu gbe si le gbedzi." data/train/JOB/JOB_039_Verse_014.mp3,"eye metsɔ ɖeke le eme be, ame aɖe ate ŋu aɖo afɔ edzi, agbãe loo, alo lã wɔadã aɖe agbãe o." data/train/JOB/JOB_023_Verse_012.mp3,"Nenye ɖe manya afi si makpɔe le, nenye ɖe mayi enɔƒe la, anyo ŋutɔ!" data/train/JOB/JOB_041_Verse_033.mp3,Ɖe asitsalawo atsɔ woƒe adzɔnuwo aɖɔliia? Ɖe woamae ɖe asitsalawo domea? data/train/JOB/JOB_032_Verse_014.mp3,Meɖo to mi nyuie gake mia dometɔ aɖeke mete ŋu ɖee fia be Hiob dze agɔ o eye mia dometɔ aɖeke mete ŋu ɖo eƒe nyahehewo ŋu o. data/train/JOB/JOB_003_Verse_023.mp3,"Ŋkeke ma nezu viviti, Mawu si le dziƒo la megatsɔ ɖeke le eme nɛ o, kekeli aɖeke megaklẽ ɖe edzi o." data/train/JOB/JOB_036_Verse_026.mp3,"Menana ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe o, ke boŋ ekpɔa hiãtɔwo ƒe hiahiãwo gbɔ na wo." data/train/JOB/JOB_024_Verse_002.mp3,"“Ame aɖewo li siwo tsi tsitre ɖe kekeli la ŋu, ame siwo menya eƒe mɔwo alo zɔ eƒe toƒewo o." data/train/JOB/JOB_026_Verse_002.mp3,Aɖaŋu kae nye esi nèna ame si si nunya mele o! Eye sidzedze kae nye gã si nèɖe fia! data/train/JOB/JOB_021_Verse_023.mp3,Wodzia ha ɖe asiʋuiwo kple kasaŋkuwo ŋu eye wotua aglo ɖe kpẽ ƒe ɖiɖi ŋu. data/train/JOB/JOB_022_Verse_025.mp3,‘Wotsrɔ̃ míaƒe futɔwo vavã eye dzo va fia woƒe kesinɔnuwo.’ data/train/JOB/JOB_010_Verse_000.mp3,"anyigba si dzi zã do blukɔ kpekpekpe le, teƒe si nye blukɔ tsiɖitsiɖi kple tɔtɔ teƒe, afi si kekeli le ko abe viviti ene.’ ”" data/train/JOB/JOB_001_Verse_011.mp3,"Ke do wò asi ɖa, ne nàxlã asi ɖe nu siwo katã le esi, ekema le nyateƒe me aƒo fi ade wò le wò ŋutɔ wò ŋkume.”" data/train/JOB/JOB_013_Verse_013.mp3,"Miɖo to miase nye nyawo nyuie, miƒu to anyi miase nu si gblɔ ge mele." data/train/JOB/JOB_022_Verse_007.mp3,"evɔ nèhenye ŋusẽtɔ, anyigba le asiwò eye nèle anyigba dzi, bubu le ŋuwò." data/train/JOB/JOB_017_Verse_002.mp3,ekema afi ka nye mɔkpɔkpɔ la le? data/train/JOB/JOB_020_Verse_015.mp3,"Mese mokaname aɖe si ɖe bubu le ŋunye, eye nye gɔmesese de dzi ƒo nam be maɖo nyawo ŋu." data/train/JOB/JOB_010_Verse_017.mp3,Ɖe mètrɔm kɔ ɖe anyi abe notsi ene eye nèna mebla abe notsi babla ene oa? data/train/JOB/JOB_039_Verse_011.mp3,Etsana le togbɛwo dzi dia gbeɖuƒe eye wòtsaa ŋu na gbe mumu ɖe sia ɖe. data/train/JOB/JOB_009_Verse_023.mp3,"Ne megblɔ be, ‘Maŋlɔ nye konyifafa be eye madzudzɔ adãɖoɖo, aɖo nukomo la,’" data/train/JOB/JOB_008_Verse_001.mp3,"“Bia dzidzime siwo do ŋgɔ, eye nàkpɔe ɖa be nu ka wo fofowo srɔ̃ mahã," data/train/JOB/JOB_039_Verse_028.mp3,Ɖe nàɖo ŋu ɖe eŋu le eƒe ŋusẽ gã la ta? Àtsɔ wò dɔ kpekpewo agble ɖe eƒe asi mea? data/train/JOB/JOB_022_Verse_004.mp3,Èbia megbedanu tso nɔviwò ŋutsuwo si susumanɔmetɔe eye nèɖe avɔ le amewo ŋu wotsi amama. data/train/JOB/JOB_007_Verse_000.mp3,"Abe ale si kluvi dina be zã nedo kaba alo agbatetsɔla kpɔa mɔ na eƒe fetu vevie ene la," data/train/JOB/JOB_024_Verse_023.mp3,Woŋe gbe le agblewo dzi na lãwo eye wofɔa nuku siwo ge la le ame vɔ̃ɖiwo ƒe waingblewo me. data/train/JOB/JOB_010_Verse_012.mp3,"Ne meɖi fɔ la, baba nam! Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la, nyemate ŋu afɔ mo dzi o elabena ŋukpe yɔ menye fũu eye menyrɔ ɖe nye vevesese me." data/train/JOB/JOB_027_Verse_003.mp3,Elabena mɔkpɔkpɔ kae le ame vlo si ne wolãe ɖa eye Mawu ɖe eƒe agbe ɖa? data/train/JOB/JOB_006_Verse_021.mp3,"Vavã woakpe wu ke si katã le ƒuta, eya ta mewɔ nuku be nye nyawo mele ame ŋu dzem o." data/train/JOB/JOB_021_Verse_019.mp3,"Migbɔ dzi ɖi nam, ne maƒo nu eye ne meƒo nu vɔ la, miate ŋu ayi miaƒe alɔmeɖeɖe dzi." data/train/JOB/JOB_021_Verse_014.mp3,"Ke siwo le balime la vivi enu, amewo katã dze eyome eye ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la dze ŋgɔ nɛ." data/train/JOB/JOB_026_Verse_008.mp3,"Eŋlɔ tsiwo ɖe lilikpowo me, gake woƒe kpekpe mena lilikpoawo gbã o." data/train/JOB/JOB_029_Verse_010.mp3,"“Mebu be, ‘Maku ɖe nye ŋutɔ nye aƒe me, nye ŋkekewo asɔ gbɔ abe ke ene." data/train/JOB/JOB_041_Verse_012.mp3,Dzudzɔ dona le eƒe ŋɔtime abe ale si tsize si woɖo aƒladzo dzi la fiena tua dzudzɔe ene. data/train/JOB/JOB_009_Verse_012.mp3,"Eƒoa nu na ɣe eye meklẽna o, etsɔa nu xea ɣletiviwo ŋkume ale be womeklẽna o." data/train/JOB/JOB_038_Verse_023.mp3,"esi metsɔ lilikpo wɔ eƒe awudodoe heblae ɖe viviti tsiɖitsiɖitsiɖi me," data/train/JOB/JOB_012_Verse_002.mp3,Edea ga nu na aɖaŋuɖola siwo ŋu woɖoa dzi ɖo eye wòɖea dumegãwo ƒe sidzedze ɖa. data/train/JOB/JOB_036_Verse_019.mp3,“Kpɔ nye asinu vie eye maɖee afia wò be nya geɖewo li magblɔ ɖe Mawu nu. data/train/JOB/JOB_018_Verse_000.mp3,Dzo bibi xɔ aƒe ɖe eƒe agbadɔ me eye aŋɔka bibi kaka ɖe eƒe nɔƒe. data/train/JOB/JOB_003_Verse_011.mp3,"Eƒe ŋukeɣletiviwo nedo viviti, kekeli si lalam wòle la megado nɛ o eye megakpɔ fɔŋli ƒe ɣetotoe gbãtɔwo o," data/train/JOB/JOB_003_Verse_016.mp3,“Nu ka ŋuti nyemeku le nye dzigbe eye maku hafi ado tso vidzidɔ me o? data/train/JOB/JOB_033_Verse_020.mp3,"Kpɔ ɖa, mele nye nu ke ge eye nye nyawo le nye aɖe nu." data/train/JOB/JOB_013_Verse_010.mp3,Miaƒe nya tsitsiwo nye lododo gbɔlowo eye dedinɔnɔ ƒe gli siwo mieɖo la nye anyigliwo ko. data/train/JOB/JOB_014_Verse_019.mp3,nenemae amegbetɔ mlɔa anyie eye megafɔna o va se ɖe esime dziƒo nu ava yi. Amegbetɔwo magafɔ alo anyɔ tso woƒe alɔ̃dɔdɔ me o. data/train/JOB/JOB_036_Verse_028.mp3,"Meɖea eƒe ŋku ɖa le ame dzɔdzɔewo ŋu o, eɖoa wo zi dzi ɖe fiawo xa eye wòdoa wo ɖe dzi tegbetegbe." data/train/JOB/JOB_016_Verse_004.mp3,Eva ƒo ɖe dzinye enuenu eye wòlũ ɖe dzinye abe kalẽtɔ ene. data/train/JOB/JOB_042_Verse_003.mp3,"Èbia be, ‘Ame kae nye esi tsyɔ nu nye aɖaŋudede dzi numanyamanyatɔe?’ Nyateƒee, meƒo nu le nu siwo nyemenya o la ŋuti, nu siwo goglo akpa na nye nyanya." data/train/JOB/JOB_024_Verse_008.mp3,"“Evɔ la, futukpɔ ko wonye le tsi ŋgɔ, woƒoa fi dea anyigba ƒe akpa si nye woƒe gome ale be ame aɖeke mayi ɖe waingblewo me le afi ma o." data/train/JOB/JOB_019_Verse_014.mp3,Meyɔ nye dɔla gake metɔ o togbɔ be metsɔ nye nu ɖe kuku nɛ hafi. data/train/JOB/JOB_015_Verse_021.mp3,"Nu ka ŋuti wò dzi kplɔ wò dzoe, wò ŋkuwo le dzo dam," data/train/JOB/JOB_040_Verse_012.mp3,Meƒo nu zi ɖeka gake nyemekpɔ ŋuɖoɖo o; meƒo nu zi evelia eya ta nyemagaƒo nu o.” data/train/JOB/JOB_013_Verse_006.mp3,Gake medi vevie be maƒo nu kple Ŋusẽkatãtɔ la eye mahe nya kple Mawu. data/train/JOB/JOB_029_Verse_016.mp3,"“Ne meyi dua ƒe agbo nu, henɔ anyi ɖe zikpui dzi gli, le dua ƒe ablɔme la," data/train/JOB/JOB_028_Verse_021.mp3,"Tete wògblɔ na amegbetɔ be, ‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃e nye nunya eye nugbegbe le vɔ̃ gbɔe nye gɔmesese.’ ”" data/train/JOB/JOB_014_Verse_000.mp3,"Abe ale si atsiaƒu ɖia ke alo tsi miena le tɔsisi me wòƒuna kplakplakpla ene la," data/train/JOB/JOB_015_Verse_017.mp3,"Masi le viviti la nu o, dzo ƒe aɖe ana eƒe alɔwo nayrɔ eye Mawu ƒe numegbɔgbɔ akplɔe adzoe." data/train/JOB/JOB_013_Verse_026.mp3,Ɖe miaƒo nu baɖa ɖe Mawu nua? Ɖe miaƒo nu bebletɔe ɖe enua? data/train/JOB/JOB_036_Verse_001.mp3,"Ame kae ase ale si wòkeke lilikpowo, kple ale si wòɖea gbe tso eƒe agbadɔ me la gɔme?" data/train/JOB/JOB_039_Verse_012.mp3,"Etsɔa eƒe afɔkli kaa nu ŋɔdzitɔe, ekpɔa dzidzɔ ɖe eƒe ŋusẽ ŋu eye wòlũna ɖe aʋakɔ dzi." data/train/JOB/JOB_022_Verse_006.mp3,ekema Ŋusẽkatãtɔ la anye wò sika kple klosalo nyuitɔ. data/train/JOB/JOB_021_Verse_018.mp3,"Miegblɔ be, ‘Afi ka ame xɔŋkɔ la ƒe aƒe le eye agbadɔ si me ame vɔ̃ɖiwo nɔ la ɖe?’" data/train/JOB/JOB_032_Verse_010.mp3,Gake Hiob metsɔ nya ɖe ŋunye o eye nyematsɔ miaƒe nyahehewo aɖo nya ŋu nɛ o. data/train/JOB/JOB_036_Verse_020.mp3,Kpɔ nyuie be ame aɖeke metsɔ kesinɔnuwo ble nuwòe o eye zãnu si le kpekpem segee la nana nàdze ɖe aga o. data/train/JOB/JOB_018_Verse_020.mp3,Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu ku le nu si dzɔ ɖe edzi ta eye vɔvɔ̃ ɖo ɣedzeƒetɔwo. data/train/JOB/JOB_009_Verse_019.mp3,"Ne ameƒoti he ku vɛ kpata la, eɖea alɔme le ame maɖifɔ ƒe mɔkpɔkpɔ bubu ŋuti." data/train/JOB/JOB_020_Verse_003.mp3,"Edzona dzona abe drɔ̃e ene, womagakpɔe o eye wòabu abe ŋutega si wokpɔ le zã me ene." data/train/JOB/JOB_012_Verse_015.mp3,"Ne eɖo asi tsidzadza dzi la, ku ɖina, ne egaɖe asi le eŋu fũu hã la, eɖea anyigba" data/train/JOB/JOB_027_Verse_018.mp3,"zi ale si agbe le menye, Mawu ƒe gbɔgbɔ le nye ŋɔti me la," data/train/JOB/JOB_007_Verse_009.mp3,"Ne mebu be nye aba afa akɔ nam eye suɖi aɖe nye konyifafa dzi akpɔtɔ la," data/train/JOB/JOB_015_Verse_000.mp3,ale be nènyɔ wò dziku ɖe Mawu ŋu eye nètrɔ nya siawo kɔ ɖi tso wò nu me? data/train/JOB/JOB_029_Verse_024.mp3,"ɖekakpuiawo kpɔam, heƒoa asa nam eye ame tsitsiwo tsona ɖe tsitrenu," data/train/JOB/JOB_005_Verse_006.mp3,"Aɖe wò le ku ƒe asi me le dɔŋɔli eye le aʋa me la, aɖe wò le yi ƒe asi me." data/train/JOB/JOB_023_Verse_010.mp3,"Ne ele dɔ wɔm le anyiehe la, nyemekpɔnɛ o, ne etrɔ ɖe dziehe hã la, nye ŋku melɔnɛ o." data/train/JOB/JOB_037_Verse_023.mp3,"Wò ame si le fifia tem le wò awuwo me, ne dzieheya xɔdzo nya ƒo to anyigba dzi ko," data/train/JOB/JOB_028_Verse_002.mp3,"Amegbetɔ ɖo seƒe na viviti, etsana le didiƒewo kple viviti tsiɖitsiɖitɔ kekeake me hena tomenuwo." data/train/JOB/JOB_024_Verse_012.mp3,"Le viviti me la, amewo gbãa ʋɔ, gena ɖe aƒewo me gake ne ŋu ke la, wonɔa xɔ me tua ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu elabena womedi kekeli ƒe nya aɖeke o." data/train/JOB/JOB_018_Verse_001.mp3,Dzɔgbevɔ̃e tsi dzi vevie be yeadzɔ ɖe edzi eye gbegblẽ le klalo be yeava edzi ne edze anyi. data/train/JOB/JOB_002_Verse_008.mp3,"Srɔ̃a va egbɔ biae be, “Ɖe nègalé wò blibodede la me ɖe asi koa? Do ɖiŋu na Mawu ne nàku!”" data/train/JOB/JOB_014_Verse_009.mp3,"Eƒe kewo anya do xoxo ɖe tome eye eƒe takpo aku ɖe tome," data/train/JOB/JOB_032_Verse_009.mp3,"Gake gbɔgbɔ si le ame me, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe naa gɔmesesee." data/train/JOB/JOB_033_Verse_008.mp3,"eya ta ɖo nya ŋu nam, ne àte ŋui, dzra ɖokuiwò ɖo ne nàhe nya kplim." data/train/JOB/JOB_014_Verse_011.mp3,"“Gake abe ale si ke ɖena le to te wòŋena dzea eme eye agakpe ʋãna le eteƒe ene la," data/train/JOB/JOB_009_Verse_027.mp3,"Ne ŋusẽ ƒe nya wònye la, kpɔ ɖa, ŋusẽtɔe wònye! Ke ne enye ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nya la, ame kae akplɔe ayi ʋɔnui?" data/train/JOB/JOB_023_Verse_009.mp3,"Mawu na dzi ɖe le ƒonye, Ŋusẽkatãtɔ la do ŋɔdzi nam." data/train/JOB/JOB_034_Verse_005.mp3,Edea ha kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo eye wòbɔa ha kple ame vɔ̃ɖiwo. data/train/JOB/JOB_009_Verse_025.mp3,"Ne meyɔe eye wòtɔ nam gɔ̃ hã la, nyemebu be aɖo tom o." data/train/JOB/JOB_038_Verse_024.mp3,"esi meɖo seɖoƒe nɛ, hede ʋɔtru kple gametiwo enu," data/train/JOB/JOB_032_Verse_015.mp3,"Migagblɔ be, ‘Míeke ɖe nunya ŋuti o, Mawu neɖe vodada nɛ, menye amegbetɔ o.’" data/train/JOB/JOB_015_Verse_013.mp3,helũ ɖe edzi ɖekematsɔlemetɔe kple akpoxɔnu titri sesẽ aɖe. data/train/JOB/JOB_027_Verse_009.mp3,"Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ɖaa eye nyemaɖe asi le eŋu akpɔ o. Zi ale si mele agbe la, nye dzitsinya mado vlom o." data/train/JOB/JOB_002_Verse_004.mp3,"Esi wokpɔe le adzɔge la, womete ŋu dze sii o, ale wowo avi gboo kple ɣli, wodze woƒe awu ʋlayawo eye wolɔ ke kɔ ɖe tame." data/train/JOB/JOB_039_Verse_016.mp3,“Golo ƒoa eƒe aʋala kpakpakpa dzidzɔtɔe gake womate ŋu atsɔe asɔ kple damixe ƒe fu kple aʋalã o. data/train/JOB/JOB_010_Verse_003.mp3,evɔ nènya be nyemedze agɔ o eye ame aɖeke mate ŋu axɔm le wò asi me oa? data/train/JOB/JOB_019_Verse_001.mp3,ekema minyae be Mawu dze agɔ le dzinye eye wòtsɔ eƒe ɖɔ ƒo xlãm. data/train/JOB/JOB_001_Verse_001.mp3,"Esi ame sia hã mekpɔ ɖe nu le nya si gblɔm wònɔ me o la, dɔla bubu ge ɖe eme eye wògblɔ be, “Viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo nɔ nu ɖum, nɔ wain nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒe aƒe me." data/train/JOB/JOB_011_Verse_018.mp3,Ɖe wò nya dzodzro siawo ade ga nu na amewoa? Ɖe ame aɖeke meli aka mo na wò ne èle fewu ɖum oa? data/train/JOB/JOB_038_Verse_038.mp3,"Wòe ɖo dzikedzo ɖe eƒe mɔ dzia? Ɖe wova gblɔna na wò be, ‘Míawoe nye esi’ mahã?" data/train/JOB/JOB_020_Verse_025.mp3,“Vavã makpɔ gbɔdzɔe le eƒe nudzodzrowo me o eye maɖe eɖokui to eƒe nunɔamesiwo dzi o. data/train/JOB/JOB_007_Verse_016.mp3,Nye ŋutilã dze abi kple nyẽ helé dzɔbu eye nye ŋutigbalẽ wó gblogblogblo hele tsi ƒaƒã tsyɔm. data/train/JOB/JOB_017_Verse_012.mp3,Nuxaxa na be nye ŋkuwo dzi tsyɔ eye nye ameti blibo la mele abe vɔvɔli ene. data/train/JOB/JOB_012_Verse_007.mp3,Exɔa susu le anyigbadzifiawo si eye wònana wonɔa tsaglalã tsam le gbegbe. data/train/JOB/JOB_009_Verse_001.mp3,"ame si aɖe Mawu ƒe ameƒoti ɖa le ŋutinye, ale be eƒe ŋɔdzi magado vɔvɔ̃ nam o la, ne anyo." data/train/JOB/JOB_003_Verse_018.mp3,Nu si mevɔ̃ na la va dzinye eye nu si dzi ŋɔ nam la dzɔ ɖe dzinye. data/train/JOB/JOB_033_Verse_012.mp3,"“Gake ègblɔ wòge ɖe nye to me eye mese nya siwo tututu nègblɔ la be," data/train/JOB/JOB_015_Verse_012.mp3,"Hafi eƒe ɣeyiɣi nade la, woaɖo eteƒe nɛ abe ale si dze ene eye eƒe alɔdzewo matsi ɖe edzi o." data/train/JOB/JOB_033_Verse_026.mp3,ne wòadzra eƒe luʋɔ ɖo tso yɔdo ƒe asi me eye eƒe agbe magatsrɔ̃ ɖe yi nu o. data/train/JOB/JOB_024_Verse_003.mp3,Ame dahewo ɖoa gbe nɔa nuɖuɖu dim abe gbetedziwo le gbegbe ene eye kuɖiɖinyigbawo dia nuɖuɖu na wo viwo. data/train/JOB/JOB_037_Verse_015.mp3,Gbemelãwo sina bena eye wonɔa woƒe dowo me. data/train/JOB/JOB_028_Verse_020.mp3,Sika alo kristalkpe masɔ kplii o eye womatsɔ sikanuwo gɔ̃ hã aɖɔlii o. data/train/JOB/JOB_028_Verse_007.mp3,"esi wòwɔ se na tsidzadza, heta mɔ na dziɖegbe kple ahom vɔ la," data/train/JOB/JOB_014_Verse_002.mp3,Ame ka ate ŋu aɖe nu dzadzɛ tso nu si medza o la me? Ɖeka pɛ teti hã o! data/train/JOB/JOB_011_Verse_003.mp3,Ègblɔ na Mawu be ‘Kpɔtsɔtsɔ mele nu siwo dzi mexɔ se la ŋu o eye medza le ŋkuwòme.’ data/train/JOB/JOB_003_Verse_005.mp3,"Anye ne mele fiawo kple aɖaŋuɖola siwo le anyigba dzi la gbɔ, ame siwo tu xɔ gã siwo zu aƒedo azɔ la na wo ɖokuiwo." data/train/JOB/JOB_038_Verse_034.mp3,Nu ka dzi woɖo egɔme anyi ɖo? Alo ame kae ɖo eƒe dzogoedzikpe data/train/JOB/JOB_013_Verse_020.mp3,"“O Mawu, nu eve siawo ko medi be nàwɔ nam, eye nyemaɣla ɖokuinye ɖe wò o." data/train/JOB/JOB_042_Verse_014.mp3,Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ hã nɔ esi. data/train/JOB/JOB_015_Verse_035.mp3,"“Ɖo tom ne maɖe nu me na wò; na magblɔ nu si teƒe mekpɔ la na wò," data/train/JOB/JOB_034_Verse_009.mp3,elabena to doa nyawo kpɔ abe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene. data/train/JOB/JOB_008_Verse_004.mp3,"elabena míawo la, etsɔviwo míenye, míenya naneke o eye míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔli ko ene." data/train/JOB/JOB_006_Verse_002.mp3,Asihawo ɖea asi le woƒe mɔwo ŋu hedzea gbe toa tagba eye wokuna ɖe mɔ dzi. data/train/JOB/JOB_027_Verse_019.mp3,Ŋɔdzi ƒona ɖe edzi abe tɔɖɔɖɔ ene eye ahom kplɔnɛ dzonae le zã me. data/train/JOB/JOB_031_Verse_028.mp3,"Nenye ɖe ame siwo le aƒenye me la se megblɔ kpɔ be, ‘Ame kae meɖu Hiob ƒe abolo ɖi ƒo kpɔ o?’ la, anye ne enye nya bubu" data/train/JOB/JOB_005_Verse_008.mp3,"Dɔwuitɔwo ɖua nuku si wòxa, woɖea esiwo tsi ŋuwo me gɔ̃ hã eye ame siwo wum tsikɔ le la ƒe ve me ƒuna ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu." data/train/JOB/JOB_008_Verse_003.mp3,"ekema ne èle dzadzɛe, le dzɔdzɔe, fifia gɔ̃ hã la, atso le tawò eye wòagaɖo wò te, ada wò ɖe teƒe si wòle be nànɔ." data/train/JOB/JOB_041_Verse_017.mp3,"Eƒe ayi mlɔ wo nɔewo dzi eye wolé ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe, ale be womate ŋu afoe ɖa o." data/train/JOB/JOB_004_Verse_014.mp3,Wò nyawo lé ame siwo yina anyi dze ge la ɖe te eye nèdo ŋusẽ klo beliwo. data/train/JOB/JOB_021_Verse_010.mp3,"gake wogblɔna na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu! Medzro mí be míanya wò mɔwo o." data/train/JOB/JOB_037_Verse_002.mp3,"Ame aɖeke matu Ŋusẽkatãtɔ la o elabena togbɔ be eƒe ŋusẽ de dzi bobobo, le eƒe afiatsotso kple dzɔdzɔenyenye gã la me hã la, metea ame aɖeke ɖe anyi o." data/train/JOB/JOB_030_Verse_001.mp3,"Dzoxɔxɔ si le edzi yim le menye la metɔna o, fukpekpeŋkekewo kpe akɔ kplim." data/train/JOB/JOB_041_Verse_020.mp3,Eƒe nyenye kea dzo miamiamia eye eƒe ŋkuwo le abe ŋdi ƒe kekeli ene. data/train/JOB/JOB_032_Verse_007.mp3,"“Eya ta megblɔ be, Miɖo tom, nye hã magblɔ nu si menya la na mi." data/train/JOB/JOB_010_Verse_005.mp3,"hafi ayi demagbɔnugbe, ne mayi ɖe viviti kple blukɔ ƒe anyigba dzi," data/train/JOB/JOB_025_Verse_002.mp3,"“Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu tɔ, eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo." data/train/JOB/JOB_017_Verse_015.mp3,"Vavãe, fewuɖulawo ƒo xlãm, ele be nye ŋkuwo nanɔ woƒe amenuɖiaɖia ŋu." data/train/JOB/JOB_018_Verse_019.mp3,Ɣe ka ɣi miadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ? Midze nunya ekema míate ŋu aƒo nu. data/train/JOB/JOB_009_Verse_007.mp3,Ewɔ nu dzɔtsu siwo me dzodzro meli o eye wòwɔ nukunu siwo mele xexlẽme o. data/train/JOB/JOB_008_Verse_000.mp3,Aleae wòvaa emee na ame siwo katã ŋlɔ Mawu be eye nenemae Mawumavɔ̃lawo ƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃nae. data/train/JOB/JOB_016_Verse_007.mp3,Eɖea kuku na Mawu ɖe ame ta abe ale si ame ɖea kuku ɖe xɔlɔ̃a tae ene. data/train/JOB/JOB_015_Verse_004.mp3,Anɔ abe wainka si ŋu wogbe waintsetse gbogbowo katã le la ene alo abe amiti si dudu eƒe seƒoƒowo ene. data/train/JOB/JOB_033_Verse_030.mp3,"Tete wòvaa amewo gbɔ, gblɔna be, ‘Mewɔ nu vɔ̃ hedo vlo nu si le dzɔdzɔe gake nyemexɔ tohehe si medze na la o." data/train/JOB/JOB_019_Verse_022.mp3,"Nye ŋutɔ makpɔe, makpɔe kple nye ŋkuwo, menye ame bubu aɖeke tɔ o. Aleke nye dzi mehetsi dzi ɖe eŋui o!" data/train/JOB/JOB_005_Verse_023.mp3,Nye ŋutɔ mekpɔ bometsila wònɔ ke tom gake kasia woƒo fi de eƒe aƒe. data/train/JOB/JOB_032_Verse_019.mp3,"Ɖe magalala, esi wozi ɖoɖoe eye azɔ wotsi tsitre ɖe afi ma kpaɖii nya aɖeke ŋu maɖomaɖoea?" data/train/JOB/JOB_013_Verse_018.mp3,Nu vɔ̃ kple nu gbegblẽ nenie mewɔ? Ɖe nye vodada kple nu vɔ̃ fiam. data/train/JOB/JOB_015_Verse_006.mp3,Dzi ɖe le eƒo be mate ŋu asi le viviti la nu o elabena wotsɔe de asi na yi. data/train/JOB/JOB_011_Verse_002.mp3,“Àte ŋu ase Mawu ƒe nya goglowo gɔmea? Àte ŋu adzro Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mlɔenuwo ke mea? data/train/JOB/JOB_010_Verse_004.mp3,"Èɖoa ɖasefo bubuwo ŋunye eye nèdoa dziku ɖe ŋutinye ɖe edzi, ale wò aʋakɔwo tsona ɖe ŋunye ɖe wo nɔewo yome abe ƒutsotsoewo ene." data/train/JOB/JOB_012_Verse_022.mp3,Ŋutsu siwo li le dziɖeɖi me la do vlo dzɔgbevɔ̃etɔ eye nenema ke woawɔ na ame siwo ƒe afɔ ɖiɖi. data/train/JOB/JOB_009_Verse_008.mp3,“Eya ta aleke nye ya mate ŋu aɖe ɖeklemie? Afi ka makpɔ nyawo le atsɔ ahe nya kplii? data/train/JOB/JOB_001_Verse_006.mp3,"Gbe ɖeka la, esime Hiob ƒe viŋutsuwo kple via nyɔnuwo nɔ nu ɖum, nɔ wain nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒe aƒe me la," data/train/JOB/JOB_033_Verse_002.mp3,"ava ƒo nu ɖe to me na wo, atsɔ kpɔdzidzewo ado ŋɔdzii na wo," data/train/JOB/JOB_015_Verse_019.mp3,"Ne Mawu meka ɖe eƒe kɔkɔetɔwo dzi o eye dziƒowo gɔ̃ hã medza le eƒe ŋkume o," data/train/JOB/JOB_005_Verse_015.mp3,"Enana tsi dzana ɖe anyigba dzi, eye wòɖoa tsi ɖe gbegbe." data/train/JOB/JOB_032_Verse_017.mp3,"Tete dzi ku Buzitɔ, Elihu, ame si nye Barakel ƒe vi, tso Ram ƒe ƒomea me vevie ɖe Hiob ŋu le esi wòbu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu la ta." data/train/JOB/JOB_003_Verse_004.mp3,Anye ne mele dziɖula siwo si sika le eye woƒe aƒewo me yɔ fũu kple klosalo la gbɔ. data/train/JOB/JOB_042_Verse_002.mp3,"“Azɔ menya be àte ŋu awɔ nu sia nu, ame aɖeke mate ŋu agblẽ wò ɖoɖowo me o." data/train/JOB/JOB_009_Verse_003.mp3,"Ekema maƒo nu na eya amea mavɔmavɔ̃e, gake abe ale si wòle nam fifia ene la, nyemate ŋui o.”" data/train/JOB/JOB_015_Verse_033.mp3,“Ɖe nunyala aɖo nya ŋu kple susu gbɔlo alo ana ɣedzeƒeya xɔdzo nayɔ eƒe dɔ mea? data/train/JOB/JOB_012_Verse_023.mp3,Ɖe menye amegãɖeɖiwo gbɔe nunya tso aƒe ɖo oa? Ɖe agbe didi mehea gɔmesese vɛ oa? data/train/JOB/JOB_009_Verse_015.mp3,"Mawu meɖoa asi eƒe dziku dzi o, Rahab ƒe aʋakɔwo gɔ̃ hã bɔbɔ ɖe eƒe afɔ te." data/train/JOB/JOB_027_Verse_014.mp3,"Nyemalɔ̃ gbeɖe be tɔwò dzɔ o va se ɖe esi maku la, nyemasẽ nu le nye blibodede ŋu o." data/train/JOB/JOB_016_Verse_015.mp3,"Miaƒe nuƒo legbe, gɔdɔ̃gɔdɔ̃awo mawu nu akpɔ oa? Nu kae le mia vem be miegale nyahehe dzi kokoko?" data/train/JOB/JOB_034_Verse_022.mp3,Mina míadze si nu si le dzɔdzɔe la na mía ɖokui eye mina míasrɔ̃ nu si nyo la ɖekae. data/train/JOB/JOB_015_Verse_032.mp3,"Ɖe Mawu ƒe akɔfanamenya siwo wògblɔ bɔlɔɔ la, mesɔ agbɔ na wò oa?" data/train/JOB/JOB_029_Verse_000.mp3,Ame si le kukum la ƒe yayra vaa dzinye eye menana ahosi ƒe dzi kpɔa dzidzɔ. data/train/JOB/JOB_015_Verse_015.mp3,"Kura gɔ̃ hã la, èɖi gbɔ̃ mawuvɔvɔ̃ eye nèhe mawusubɔsubɔ adodoea ɖe megbe." data/train/JOB/JOB_031_Verse_014.mp3,"eye eƒe dzi meyram be metsɔ avɔ si wowɔ kple nye alẽwo ƒe fu nɛ be wòade dzo lãme nɛ o," data/train/JOB/JOB_024_Verse_007.mp3,"Esi wònye avɔ mele wo si o ta la, wole yiyim amama, wolé lu bablawo ɖe ta, evɔ dɔ le wo wum." data/train/JOB/JOB_032_Verse_003.mp3,"Edo dziku ɖe exɔlɔ̃ etɔ̃awo hã ŋu elabena mɔ aɖeke meli si dzi woato abu fɔ Hiob o, gake wobu fɔe." data/train/JOB/JOB_030_Verse_024.mp3,Wolũ ɖe dzinye abe gli gbagbã mee woto ene eye wozɔ to gbagbãƒewo va ƒo ɖe dzinye. data/train/JOB/JOB_020_Verse_002.mp3,Dziƒo aɖe eƒe vodada ɖe go eye anyigba atso ɖe eŋu. data/train/JOB/JOB_032_Verse_002.mp3,"Azɔ la, Elihu lala be yeaƒo nu na Hiob elabena wotsi wui." data/train/JOB/JOB_028_Verse_013.mp3,"Gbemelã siwo dana la meka afɔ afi ma kpɔ o, eye dzata aɖeke hã mezɔ afi ma kpɔ o." data/train/JOB/JOB_029_Verse_015.mp3,Meŋea tsyo na ame vɔ̃ɖiwo eye meɖea nu si woda adzoe la le woƒe aɖutame. data/train/JOB/JOB_040_Verse_007.mp3,"Eƒe asike le nyenyem abe sedati ene, eƒe atagbomekawo ge ɖe wo nɔewo me." data/train/JOB/JOB_042_Verse_016.mp3,"Yehowa yra Hiob fifia wu tsã. Alẽ akpe wuiene (14,000), kposɔ akpe ade (6,000), agbleŋlɔnyi eve, eve teƒe akpe ɖeka (1,000) kple tedzi akpe ɖeka (1,000) nɔ esi." data/train/JOB/JOB_016_Verse_005.mp3,evɔ nye asiwo mewɔ nu tovo aɖeke o eye nye gbedodoɖa hã dza hafi. data/train/JOB/JOB_030_Verse_012.mp3,"Mawu tsyɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la dzinye abe avɔ ene, eye wòle awu ɖe ve nam." data/train/JOB/JOB_042_Verse_011.mp3,"Nye towo se nya le ŋuwò, ke azɔ la, nye ŋkuwo kpɔ wò" data/train/JOB/JOB_013_Verse_012.mp3,"“Mizi ɖoɖoe ne miana mɔm maƒo nu, ekema nu si be yeadzɔ ɖe dzinye la nedzɔ." data/train/JOB/JOB_034_Verse_008.mp3,"Elabena eƒe ŋku le woƒe nuwɔnawo ŋu eya ta etua asi wo ƒua anyi le zã me, eye wogbãna gudugudugudu." data/train/JOB/JOB_034_Verse_029.mp3,Teƒe doblukɔ alo teƒe doviviti tsiɖitsiɖitsiɖi aɖeke meli si nu tovo wɔlawo asi abe ɖo o. data/train/JOB/JOB_020_Verse_008.mp3,eye viviti tsiɖitsiɖi le eƒe kesinɔnuwo lalam. Dzo si womeƒlɔ ɖo o la afiae eye wòabi nu si susɔ ɖe eƒe agbadɔ me la keŋkeŋkeŋ. data/train/JOB/JOB_024_Verse_000.mp3,"Abe ale si dzoxɔxɔ kple kuɖiɖi kplɔa tsikpe si lolõ la dzonae ene la, nenemae yɔdo kplɔa ame siwo wɔa nu vɔ̃ la hã dzonae." data/train/JOB/JOB_039_Verse_026.mp3,“Ɖe aʋako dzona yia dzi ʋĩi le wò nunya nu eye wòkekea eƒe aʋalã heɖoa ta dziehea? data/train/JOB/JOB_012_Verse_010.mp3,Eɖea nu goglo siwo le viviti me la ɖe go eye wòhea blukɔ tsiɖitsiɖi vaa kekeli me. data/train/JOB/JOB_031_Verse_010.mp3,"elabena mevɔ̃ na ameha la ŋutɔ eye mevɔ̃ na dukɔ la ƒe vlododo ale gbegbe be, mezi ɖoɖoe hegbe gododo ɖe gota la, anye ne enye nya bubu kura." data/train/JOB/JOB_037_Verse_008.mp3,"Ènya ale si lilikpowo wɔ hafi le yamea, ènya nukunu siwo nye ame si de blibo le gɔmesese me la tɔa?" data/train/JOB/JOB_012_Verse_011.mp3,Gake susu le asinye abe miawo ke ene. Mienyo wum o. Ame ka menya nu siawo katã o? data/train/JOB/JOB_036_Verse_018.mp3,Kpɔ ale si wòkaka eƒe dzikedzo ƒo xlã eɖokui eye wòblu atsiaƒu ƒe gogloƒewo ke hã ɖa. data/train/JOB/JOB_007_Verse_019.mp3,"Ŋku si le kpɔyem fifia la magakpɔm akpɔ o, miadim eye nyemanɔ anyi o." data/train/JOB/JOB_022_Verse_018.mp3,"Ne woɖiɖi amewo ɖe anyi, eye nègblɔ be, ‘Fɔ wo ɖe dzi!’ la, ekema woafɔ ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi." data/train/JOB/JOB_031_Verse_029.mp3,"nenye ɖe mede bubu ɣe ŋuti le ale si wòle keklẽm alo ɣleti le ale si wòle yiyim kple atsyɔ̃," data/train/JOB/JOB_041_Verse_028.mp3,"Ne etso la, ŋɔ dzia ŋusẽtɔwo gɔ̃ hã eye wogbugbɔna ɖe megbe ne wose eƒe afɔzi wògbɔna." data/train/JOB/JOB_038_Verse_006.mp3,"Ame kae dia nuɖuɖu na akpaviãwo, ne viawo le xɔxlɔ̃m na Mawu eye wole tsatsam le nuɖuɖu makpɔmakpɔ ta?" data/train/JOB/JOB_038_Verse_026.mp3,esi tsiwo do kpe abe ahlihã ene eye gogloƒewo tame zu tsikpe? data/train/JOB/JOB_031_Verse_006.mp3,ekema srɔ̃nye netu bli na ŋutsu bubu eye ŋutsu bubuwo nedɔ kplii. data/train/JOB/JOB_003_Verse_010.mp3,"elabena metu vidzidɔ ƒe ʋɔtruwo ɖe nunye, be nye ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e o." data/train/JOB/JOB_021_Verse_001.mp3,Ame bubu ku le eƒe luʋɔ ƒe nuxaxa me eye mese vivi na nu vivi aɖeke kpɔ o. data/train/JOB/JOB_039_Verse_021.mp3,"Vɔvɔ̃ doa nukokoe nɛ eye mevɔ̃a naneke o, yi gɔ̃ hã medoa ŋɔdzi nɛ o." data/train/JOB/JOB_030_Verse_003.mp3,"Esi azɔ Mawu lã nye datika, hewɔ fum la, wowɔa nu si dze wo ŋu la le ŋkunye me." data/train/JOB/JOB_020_Verse_014.mp3,"Maɖu nu siwo ŋu wòdze agbagba le o, ke boŋ atsɔ wo ana eye maɖu viɖe si do tso eƒe asitsatsa hã me o" data/train/JOB/JOB_005_Verse_020.mp3,"“Ke nenye nyee wònye la, anye ne maɖe kuku na Mawu atsɔ nye nya aɖo eƒe ŋkume." data/train/JOB/JOB_032_Verse_006.mp3,"Ele nam be maƒo nu ne makpɔ gbɔdzɔe, ele nam be make nye nu eye maɖo nya ŋu." data/train/JOB/JOB_006_Verse_019.mp3,"“O, ne ɖe woana nu si mebia lam, ne Mawu ɖe wòana nu si mele mɔ kpɔm na lam," data/train/JOB/JOB_004_Verse_016.mp3,"“Wotsɔ nya aɖe vɛ nam le adzame, nye towo see wotsɔe do dalĩ nam." data/train/JOB/JOB_040_Verse_013.mp3,"Ne tɔwo dze agbo la, dzika metsoa eƒo o eye togbɔ be Yɔdan tɔsisi le ƒoƒom ɖe eƒe nu dzi hã la, eɖea dzi ɖi bɔkɔɔ." data/train/JOB/JOB_029_Verse_002.mp3,"“Amewo ɖoa tom henɔa nye asinu kpɔm, nɔa lalam na nye aɖaŋuɖoɖo le ɖoɖoezizi me." data/train/JOB/JOB_031_Verse_000.mp3,"ale be woflu nye dzi le adzame eye metsɔ nye asi wɔ dzesi na wo be melɔ̃ wo, de bubu wo ŋu la," data/train/JOB/JOB_001_Verse_009.mp3,kasia Sebeatɔwo va dze wo dzi kplɔ wo dzoe. Wowu dɔlawo kple yi eye nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!” data/train/JOB/JOB_007_Verse_011.mp3,"Ne mewɔ nu vɔ̃ ɖe, O amegbetɔwo ŋu dzɔla, nu ka mehewɔ ɖe ŋutiwò? Nu ka ŋuti nède dzesim heɖe ŋku tɔm ale? Ɖe mezu agba ɖe dziwòa?" data/train/JOB/JOB_036_Verse_016.mp3,"Ke ne wode ga amewo, hebla wo sesĩe kple hiã ƒe kawo la," data/train/JOB/JOB_012_Verse_016.mp3,"Nu si wògbã kɔ ɖi la, womagate ŋu agbugbɔ atui o. Ame si wòde gaxɔ me la, womate ŋu aɖe asi le eŋu o." data/train/JOB/JOB_026_Verse_004.mp3,Ena atsiaƒu dze agbo to eƒe ŋusẽ dzi eye wòfli Rahab kakɛkakɛ to eƒe nya dzi. data/train/JOB/JOB_038_Verse_007.mp3,“Ame kae do ʋɔ ɖe atsiaƒu nu esi wòdo go kpoyi tso dadaa ƒe dɔ me data/train/JOB/JOB_034_Verse_020.mp3,"Mekua nya gɔme hafi kakaa ŋusẽtɔwo, eye wòtsɔa ame bubuwo ɖoa wo teƒe o." data/train/JOB/JOB_018_Verse_008.mp3,Nu ka ŋuti wobu mí movitɔwoe eye wobu mí bometsilawoe le wò ŋkume? data/train/JOB/JOB_001_Verse_000.mp3,"dɔla aɖe va Hiob gbɔ gblɔ nɛ be, “Nyiawo nɔ agble ŋlɔm, tedziawo nɔ gbe ɖum le wo gbɔ lɔƒo," data/train/JOB/JOB_037_Verse_009.mp3,"Ènya ale si Mawu léa lilikpowo ɖe asii, eye wònana dzi kea dzoa?" data/train/JOB/JOB_015_Verse_005.mp3,"anɔ du gbagbãwo kple xɔ siwo me ame aɖeke mele o la me, xɔ siwo gbã zu glikpo." data/train/JOB/JOB_012_Verse_004.mp3,Ekplɔa dumegãwo dzonae amama eye wònana Ʋɔnudrɔ̃lawo zua bometsilawo. data/train/JOB/JOB_020_Verse_026.mp3,"Ŋku si kpɔe la magakpɔe akpɔ o, eye eƒe nɔƒe hã magakpɔe akpɔ o." data/train/JOB/JOB_035_Verse_010.mp3,"Ne amewo le ɣli dom nɛ la, metɔna o, le ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖokuiŋudzedze ta." data/train/JOB/JOB_009_Verse_028.mp3,"“Nye ŋkekewo le du ɖim wu duƒula, wodzo dzo kabakaba dzidzɔ aɖeke manɔmee." data/train/JOB/JOB_029_Verse_012.mp3,Menye ŋku na ŋkuagbãtɔ kple afɔ na tekunɔ. data/train/JOB/JOB_031_Verse_021.mp3,"“Ne nyemetso afia nyui na nye dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo ne wotsɔ nya ɖe ŋunye o la," data/train/JOB/JOB_033_Verse_007.mp3,Etsɔ nye afɔ de kunyowu me eye eƒe ŋkuwo le nye mɔwo katã ŋu kplikplikpli.’ data/train/JOB/JOB_024_Verse_020.mp3,Wokplɔa tsyɔ̃eviwo ƒe tedziwo dzonae eye woxɔa ahosi ƒe nyi abe awɔbanu ene. data/train/JOB/JOB_012_Verse_009.mp3,Eɖea atsyɔ̃ɖonu siwo fiawo dona la ɖa eye wòtsɔa avɔ kakɛ sana ɖe ali na wo. data/train/JOB/JOB_011_Verse_017.mp3,"Wokɔkɔ wu dziƒowo, nu ka nàte ŋu awɔ? Wogoglo wu tsiẽƒe ƒe gogloƒewo, nu ka nènya?" data/train/JOB/JOB_020_Verse_005.mp3,"Ele be viawo nawɔ ɖɔɖɔɖo anyo dɔ me na ame dahewo, eya ŋutɔ ƒe asiwo aɖe asi le eƒe kesinɔnuwo ŋu." data/train/JOB/JOB_021_Verse_006.mp3,"Evɔa woƒe dzidzedzekpɔkpɔ mele woawo ŋutɔ ƒe asi me o, eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede." data/train/JOB/JOB_024_Verse_019.mp3,Wohaa konɔwo kple vimanɔsitɔwo eye womekpɔa nublanui na ahosiwo o. data/train/JOB/JOB_031_Verse_033.mp3,"Nenye ɖe meɣla nye nu vɔ̃ abe ale si amewo wɔna ene, be meɣla nye dzidada ɖe nye dzi me," data/train/JOB/JOB_042_Verse_012.mp3,"Nɔviŋutsuwo kple nɔvia nyɔnuwo katã kple eƒe ame nyanyɛwo katã va egbɔ eye woɖu nu kplii le eƒe aƒe me. Wofa akɔ nɛ, hede dzi ƒo nɛ ɖe dzɔgbevɔ̃e siwo Yehowa he va edzii la ta eye wo dometɔ ɖe sia ɖe na klosaloga kple sikasigɛe." data/train/JOB/JOB_033_Verse_031.mp3,Vɔvɔ̃ nam megado dzikatsoƒo na wò alo nye asi nakpe le dziwò o. data/train/JOB/JOB_014_Verse_010.mp3,Èɖo ame ƒe ŋkekewo ɖi xoxo; èɖo eƒe ɣletiwo da ɖi eye nèɖo liƒo siwo dzi mate ŋu agbɔ o la ɖi nɛ. data/train/JOB/JOB_040_Verse_005.mp3,Emlɔa anyi ɖe ati dama te eye wòɣlaa eɖokui ɖe aƒla siwo le sime la me. data/train/JOB/JOB_009_Verse_013.mp3,Eʋuʋu anyigba le enɔƒe eye wòna eƒe sɔtiwo ʋuʋu kpekpekpe. data/train/JOB/JOB_038_Verse_009.mp3,Ame kae tsɔ nunya na dzi alo gɔmesese na susu? data/train/JOB/JOB_031_Verse_009.mp3,elabena mele na amedzro aɖeke be wòatsi mɔto adɔ o elabena nye ʋɔtru le ʋuʋu ɖi ɣe sia ɣi na mɔzɔlawo. data/train/JOB/JOB_037_Verse_005.mp3,Edo tso anyiehe kple sikatsyɔ̃ɖoɖo. Mawu ɖiɖi va le ŋɔdzi ƒe ŋutikɔkɔe me. data/train/JOB/JOB_017_Verse_005.mp3,"Ke hã la, ame dzɔdzɔewo alé woƒe mɔwo me ɖe asi eye asi dzadzɛtɔwo akpɔ ŋusẽ ɖe edzi." data/train/JOB/JOB_002_Verse_010.mp3,"Tete Yehowa bia Satana be, “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mele anyigba dzi de enu o, enye ame maɖifɔ kple ame dzɔdzɔe, ame si vɔ̃a Yehowa eye wòtsri vɔ̃. Togbɔ be ède adã menye ɖe eŋu be magblẽ edome esi mewɔ naneke o hã la, egalé eƒe blibodede la me ɖe asi ko.”" data/train/JOB/JOB_018_Verse_004.mp3,Eɖu eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo eye ku ƒe ŋgɔgbevi vuvu eƒe ŋutinuwo data/train/JOB/JOB_005_Verse_014.mp3,Eléa nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo me eye wòkplɔa ame drãwo ƒe nu drã wɔwɔ dzonae. data/train/JOB/JOB_006_Verse_000.mp3,Aleke nyateƒenyawo mehe venae o! Ke nu ka miaƒe nyahehewo ɖe fia? data/train/JOB/JOB_028_Verse_003.mp3,Anyigba si me wokpɔa nuɖuɖu tsonae lae wotrɔ le tome abe dzo me wòto ene. data/train/JOB/JOB_016_Verse_011.mp3,Mawu dem asi na ame vɔ̃ɖiwo eye wòkɔm ƒu gbe ɖe ŋutasẽlawo ƒe fego me. data/train/JOB/JOB_006_Verse_024.mp3,Ɖe gbetedzi xlɔ̃na ne ele gbe mumu gbɔ alo nyi xlɔ̃na ne wotsɔ gbe ƒuƒu nɛ be wòaɖua? data/train/JOB/JOB_034_Verse_035.mp3,"Ɖe Mawu aɖo eteƒe na wò le wò didi nu, esi nègbe be yematrɔ dzi me oa? Wòe wòle be nàɖo eŋu, menye nyee o eya ta gblɔ nu si nènya la nam." data/train/JOB/JOB_037_Verse_006.mp3,"Egblɔna na tsikpe be, ‘Dza ɖe anyigba dzi’ eye na tsi be, ‘Nye tsi gã aɖe nàdza.’" data/train/JOB/JOB_009_Verse_017.mp3,"“Menye amee wònye abe nye ene ne maɖo nya ŋu nɛ, be makplɔe ayi ʋɔnui ahe nya kplii o." data/train/JOB/JOB_011_Verse_011.mp3,"ne èɖe nu vɔ̃ siwo le wò asi me la ɖa eye ne mèɖe mɔ na nu vɔ̃ɖi aɖeke be wòanɔ wò agbadɔ me o la," data/train/JOB/JOB_013_Verse_021.mp3,Te wò asi ɖa xaa tso gbɔnye eye nàdzudzɔ vɔvɔ̃dodo nam kple wò ŋɔdzinuwo. data/train/JOB/JOB_003_Verse_007.mp3,Aʋaléleawo hã nɔa ablɔɖe me eye womegasea dɔdzikpɔlawo ƒe ɣli o. data/train/JOB/JOB_027_Verse_004.mp3,"Emlɔ anyi abe hotsuitɔ ene gake esusɔ vie maganɔ nɛ nenema o elabena esi wòʋu eƒe ŋkuwo la, naneke megali o." data/train/JOB/JOB_019_Verse_024.mp3,"“Togbɔ be mefa avi sesĩe be, ‘Wodze agɔ le dzinye!’ hã la, ame aɖeke metɔ nam o eye togbɔ be medo ɣli be woaxɔ nam hã la, wometso nam o." data/train/JOB/JOB_016_Verse_021.mp3,"Yehowa ƒom, hevuvum le eƒe dziku me eye wòɖu aɖukli ɖe ŋunye, nye ketɔ fɔ ŋku ɖaɖɛwo ɖe dzinye." data/train/JOB/JOB_015_Verse_018.mp3,"Megable eɖokui, atsɔ eƒe dzi aɖo nu si nye tofloko la ŋu o elabena ɖeke maɖe vi nɛ o." data/train/JOB/JOB_015_Verse_022.mp3,"“Nu kae nye amegbetɔ be, wòadza alo ame si nyɔnu dzi la be wòanɔ dzɔdzɔe?" data/train/JOB/JOB_020_Verse_024.mp3,"Tsiɖɔɖɔ akplɔ eƒe aƒe adzoe eye le Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi la, tsi sisiwo akplɔe adzoe." data/train/JOB/JOB_034_Verse_034.mp3,Ɖe ame si tsri afia nyui tsotso la ate ŋu akplɔ dua? Ɖe nàbu fɔ dzɔdzɔetɔ kple Ŋusẽtɔ la? data/train/JOB/JOB_021_Verse_013.mp3,"“Ke hã la, zi nenie ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi tsina? Zi nenie dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe wo dzi, esi nye nu si Mawu ɖo ɖi na wo le eƒe dziku me?" data/train/JOB/JOB_004_Verse_000.mp3,"Abe ale si mede dzesii ene la, ame siwo ŋlɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ƒe agble eye woƒã dzɔgbevɔ̃e lae ŋenɛ." data/train/JOB/JOB_022_Verse_012.mp3,Èɖo ahosiwo ɖa asi ƒuƒlu eye nèɖe tsyɔ̃eviwo ƒe ŋusẽ ɖa. data/train/JOB/JOB_021_Verse_034.mp3,"“Ɖo to nyuie nàse nye nyawo, esia nenye akɔfafa si nànam." data/train/JOB/JOB_001_Verse_004.mp3,"Esi wòganɔ nu ƒom ko la, dɔla bubu va eye wògblɔ be, “Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo eye wòfia alẽawo kple dɔlawo, nye ɖeka koe si be mava gblɔe na wò!”" data/train/JOB/JOB_004_Verse_013.mp3,vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém eye wona nye ƒuwo katã dzo kpekpekpe. data/train/JOB/JOB_022_Verse_015.mp3,Lilikpo dodowo xe eŋkume eya ta mekpɔa mí ne ele tsatsam le dziƒo ƒe agbo sesẽwo me o.’ data/train/JOB/JOB_022_Verse_013.mp3,"Gake ègblɔ be, ‘Nu ka Mawu nya? Ɖe wòdrɔ̃a ʋɔnu to viviti ma tɔgbi mea?" data/train/JOB/JOB_011_Verse_005.mp3,"Gake abe ale si gbetedzi mate ŋu adzi vi wòanye amegbetɔ o ene la, nenema kee womate ŋu awɔ bometsila hã wòazu nunyala o." data/train/JOB/JOB_022_Verse_008.mp3,"Evɔ wònye eyae tsɔ nu nyuiwo yɔ xɔ na wo fũu, eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede." data/train/JOB/JOB_036_Verse_021.mp3,"Kpɔ nyuie be mètrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi, si nèdi wu hiã la ŋu o." data/train/JOB/JOB_005_Verse_005.mp3,"Aɖe wò le dzɔgbevɔ̃e ade me eye le adrelia me la, vɔ̃ aɖeke mawɔ wò o." data/train/JOB/JOB_039_Verse_004.mp3,"Aŋutrɔwo le wo nɔewo lɔm le eƒe axadzi, nenema kee nye akplɔ siwo le dzo dam kple yi." data/train/JOB/JOB_006_Verse_023.mp3,"Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo le nye lãme, nye gbɔgbɔ le aɖi si le dodom le wo me la nom. Woƒo Mawu ƒe ŋɔdzidodowo nu ƒu ɖe ŋunye." data/train/JOB/JOB_006_Verse_004.mp3,"Azɔ miawo hã mieɖee fia be, mienye ŋudɔwɔnu aɖeke o, miekpɔ nu si ŋu ŋɔdzi le eye mievɔ̃." data/train/JOB/JOB_006_Verse_005.mp3,"Ekema esia aganye akɔfafa nam ko kple nye dzidzɔ le vevesese si nu mele tsotsom o la me be, nyemagbe nu le Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo gbɔ o." data/train/JOB/JOB_032_Verse_008.mp3,"Gake esi wòkpɔ be nya aɖeke megale ame etɔ̃awo si o la, Elihu gado dziku ɖe edzi." data/train/JOB/JOB_033_Verse_003.mp3,"be wòana amegbetɔ natrɔ tso vɔ̃wɔwɔ me eye wòaɖee tso dada me," data/train/JOB/JOB_042_Verse_010.mp3,"Le esia megbe la, Hiob nɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple blaene (140) eye wòkpɔ viawo kple woƒe viwo ƒe dzidzime ene sɔŋ." data/train/JOB/JOB_024_Verse_001.mp3,"Ahasitɔ ƒe ŋku nɔa viviti lalam, egblɔna le eƒe susu me be, ‘Ŋku aɖeke makpɔm o,’ eye wòɣlaa eƒe mo." data/train/JOB/JOB_009_Verse_009.mp3,Eya ɖekae keke dziƒowo me eye wòzɔa ƒutsotsoewo dzi. data/train/JOB/JOB_029_Verse_018.mp3,"Nye kewo aƒo ɖe to, ade tsi gbɔ eye zãmu adza ɖe nye alɔwo dzi zã blibo la." data/train/JOB/JOB_013_Verse_005.mp3,Elabena èŋlɔ nu vɔ̃ɖiwo ɖi ɖe ŋunye eye nèna nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo va dzinye. data/train/JOB/JOB_034_Verse_019.mp3,Mehiã be Mawu nado amegbetɔwo kpɔ ayi ŋgɔ alo woava eŋkume wòadrɔ̃ ʋɔnu wo o. data/train/JOB/JOB_034_Verse_007.mp3,"Elabena egblɔ be, ‘Viɖe aɖeke mele eme ne èdze agbagba be yeadze Mawu ŋu o.’" data/train/JOB/JOB_017_Verse_014.mp3,"“O Mawu, tsɔ ŋugbedodo si dim nèle la nam. Ame kae gali si ade megbe nam?" data/train/JOB/JOB_028_Verse_001.mp3,"Amegbetɔ mese eƒe nuvãnyenye gɔme o, womate ŋu akpɔe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o." data/train/JOB/JOB_030_Verse_027.mp3,"Wozi wo dzi be woanɔ tɔʋu siwo mie la me, agakpewo tome kple do siwo woɖe ɖe anyigba la me." data/train/JOB/JOB_030_Verse_025.mp3,Wonya wo le anyigba la dzi abe ame ɖigbɔ̃wo kple yakamewo ƒe dzidzimeviwo ene. data/train/JOB/JOB_040_Verse_016.mp3,"Tete Yehowa ƒo nu na Hiob tso ahom me be," data/train/JOB/JOB_034_Verse_017.mp3,‘Hiob ƒoa nu nugɔmemasemasetɔe eye susu mele eƒe nyawo me o.’ data/train/JOB/JOB_005_Verse_002.mp3,"Ànyae be wò agbadɔ le dedie eye ne èxlẽ wò nunɔamesiwo la, àkpɔe be ɖeke mebu o." data/train/JOB/JOB_042_Verse_007.mp3,"Esi Yehowa gblɔ nya siawo na Hiob vɔ la, egblɔ na Temanitɔ, Elifaz be, “Medo dɔmedzoe ɖe mia kple xɔ̃wò eveawo ŋu elabena miegblɔ nu si le eteƒe la tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o" data/train/JOB/JOB_001_Verse_010.mp3,Kasia ya sesẽ aɖe ƒo tso gbegbe va lɔ xɔ la ƒe dzogoe eneawo ɖe me. Tete xɔ la mu dze wo dzi eye woku; nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!” data/train/JOB/JOB_015_Verse_008.mp3,Elabena mawumavɔ̃lawo ƒe ha madzi ɖe edzi o eye dzo afia ame siwo lɔ̃a zãnuxɔxɔ ƒe agbadɔwo. data/train/JOB/JOB_021_Verse_002.mp3,Ame kae nye Ŋusẽkatãtɔ be míasubɔe? Viɖe ka míakpɔ ne míedo gbe ɖa nɛ?’ data/train/JOB/JOB_033_Verse_029.mp3,tete eƒe ŋutilã zua yeye abe ɖevi tɔ ene eye wògaɖoa eƒe nɔnɔme me abe eƒe ɖekakpuimeŋkekewo me ene. data/train/JOB/JOB_039_Verse_022.mp3,"Wo viwo tsina eye ŋusẽ ɖoa wo ŋu le gbe me, ale wodzona eye womegagbɔna vaa wo dadaa gbɔ o." data/train/JOB/JOB_028_Verse_011.mp3,Eɖea mɔ ɖe kpeawo tome eye eƒe ŋkuwo kpɔa eƒe nu xɔasi vovovowo katã. data/train/JOB/JOB_026_Verse_013.mp3,“Miekpe ɖe ame beli la ŋu ŋutɔ! Miekpe ɖe ame gblɔe la ƒe abɔ ŋu ŋutɔ! data/train/JOB/JOB_024_Verse_014.mp3,"Ne viviti do la, hlɔ̃dola la tsona hewua ame dahewo kple hiãtɔwo, le zã me la, enɔa zɔzɔm abe fiafitɔ ene" data/train/JOB/JOB_038_Verse_040.mp3,Woxɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe kekeli le wo si eye woŋe woƒe abɔ si wodo ɖe dzi. data/train/JOB/JOB_029_Verse_019.mp3,Nye ŋutikɔkɔe anɔ yeye zum ɣe sia ɣi le ŋunye eye dati anɔ yeye ɖaa le asinyeme.’ data/train/JOB/JOB_035_Verse_004.mp3,"“Èsusu be esia le dzɔdzɔea? Ègblɔ be, ‘Mawu atso afia nam’" data/train/JOB/JOB_008_Verse_011.mp3,"Ke hã la, agana nukoko nayɔ wò nu me fũu, eye wòatsɔ dzidzɔɣli ayɔ wò nuyiwo nu." data/train/JOB/JOB_034_Verse_013.mp3,"“Eya ta miɖo tom, mi ŋutsu nugɔmeselawo. Nete ɖa xaa tso Mawu gbɔ, be wòawɔ nu vɔ̃ɖi kple Ŋusẽkatãtɔ la, be wòawɔ nu gbegblẽ." data/train/JOB/JOB_030_Verse_020.mp3,"“Vavãe, ame aɖeke medoa asi ɖa léa ame si gbã gudugudu ne ele ɣli dom be woaxɔ na ye le eƒe xaxa me o." data/train/JOB/JOB_033_Verse_027.mp3,"Nu ka ŋutie nèle nya hem kplii be, meɖo amegbetɔ ƒe nya aɖeke ŋuti nɛ o?" data/train/JOB/JOB_036_Verse_003.mp3,Amegbetɔwo katã kpɔe eye agbagbeawo ɖea ŋku ɖee tso adzɔge. data/train/JOB/JOB_017_Verse_010.mp3,"ne megblɔ na zãnuxɔxɔ be, ‘Wòe nye fofonye,’ eye megblɔ na ŋɔvi be, ‘Wòe nye danye’ alo ‘Wòe nye nɔvinye nyɔnu’ la," data/train/JOB/JOB_016_Verse_003.mp3,"Èna meɖi ku, vɔ keŋ eye wòzu ɖaseɖiɖi, nye kuɖiɖi tsi tsitre hezu ɖasefo ɖe ŋunye." data/train/JOB/JOB_034_Verse_001.mp3,Ame kae tsɔe ɖo anyigbadzikpɔlae? Ame kae tsɔe ɖo xexea me katã nu? data/train/JOB/JOB_001_Verse_017.mp3,"Tete Yehowa bia Satana be, “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mele anyigba dzi de enu o; enye mokakamanɔŋutɔ kple ame dzɔdzɔe, ŋutsu si vɔ̃a Mawu eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.”" data/train/JOB/JOB_006_Verse_007.mp3,gake eƒe sisi nu tsona ne kuɖiɣi ɖo eye dzoxɔxɔ nana wòmiena la ene. data/train/JOB/JOB_033_Verse_024.mp3,"‘Medza eye nu vɔ̃ mele ŋutinye o, ŋutinye kɔ eye mevo tso vodada me." data/train/JOB/JOB_021_Verse_029.mp3,"woɖea ame vɔ̃ɖi le dzɔgbevɔ̃egbe, eye woɖenɛ le dzikugbe oa?" data/train/JOB/JOB_036_Verse_023.mp3,"lilikpowo hã lolõa tsi si le wo me, eye tsi dzana bababa ɖe amegbetɔwo dzi." data/train/JOB/JOB_040_Verse_006.mp3,Eyae nye gbãtɔ le Mawu ƒe nuwɔwɔwo dome gake Ewɔla ate ŋu azɔ ɖe edzi kple yi. data/train/JOB/JOB_022_Verse_003.mp3,Dzidzɔ ka wòanye na Ŋusẽkatãtɔ la ne ènye ame dzɔdzɔe? Eye viɖe ka wòakpɔ ne fɔɖiɖi mele wò mɔwo ŋu o? data/train/JOB/JOB_040_Verse_017.mp3,Togbɛwo tsɔa woƒe kutsetsewo vɛ nɛ eye gbemelãwo katã fena le egbɔ. data/train/JOB/JOB_024_Verse_021.mp3,"Wole amiti ƒe ku tum le te dzi, wofiaa wain le wainfiaƒewo gake tsikɔ le wo wum." data/train/JOB/JOB_041_Verse_015.mp3,Enana gogloƒewo fiena wlɔwlɔwlɔ abe aŋɔɖaze ene eye wòblua atsiaƒu me abe amiɖaze me blum wole ene. data/train/JOB/JOB_033_Verse_021.mp3,"Le drɔ̃e me, le zã me ƒe ŋutega me, ne amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi alo wole akɔlɔ̃e dɔm le woƒe abawo dzi la," data/train/JOB/JOB_042_Verse_006.mp3,"Esi Hiob do gbe ɖa ɖe exɔlɔ̃awo ta vɔ la, Yehowa gawɔe kesinɔtɔe abe tsã ene eye wòdzi eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi nɛ zi eve wu tsã." data/train/JOB/JOB_003_Verse_017.mp3,Nu ka ŋutie wòna agbe ame si ƒe mɔwo le ɣaɣla kple ame si ŋuti Mawu tɔ kpɔ ɖo? data/train/JOB/JOB_033_Verse_004.mp3,"be wòaɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe, be agbe ƒe kekeli naklẽ ɖe edzi." data/train/JOB/JOB_030_Verse_031.mp3,Ɖe nyemefa avi ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu oa? Ɖe nye luʋɔ mexa nu ɖe ame dahewo ŋuti oa? data/train/JOB/JOB_027_Verse_011.mp3,Miawo ŋutɔ miekpɔ esiawo katã. Ekema nu kae nye nuƒo manyatalenu gbogbo siawo? data/train/JOB/JOB_004_Verse_006.mp3,Gbɔgbɔ aɖe ɖo asagba va to nye ŋkume yi eye ɖadoe ɖo to ɖe ŋunye. data/train/JOB/JOB_011_Verse_012.mp3,"ne wòaɖe nunya ƒe nu ɣaɣlawo afia wò elabena mo evee li na nunya. Vavã, nya esia be: Mawu ŋlɔ wò nu vɔ̃wo dometɔ aɖewo be gɔ̃ hã." data/train/JOB/JOB_038_Verse_008.mp3,Ame kae dzidze eƒe kekeme kple didime? Ànyae godoo! Ame kae tsɔ dzidzeka ɖo eŋu? data/train/JOB/JOB_039_Verse_013.mp3,Èxlẽa ɣletiwo va se ɖe woƒe vidziɣia? Ènya ɣeyiɣi si wodzia via? data/train/JOB/JOB_039_Verse_018.mp3,Hoowɔwɔ si le edzi yim le dua me la le kokoe ɖim nɛ eye mele tasiaɖamkula ƒe ɣlidodo sem o. data/train/JOB/JOB_009_Verse_021.mp3,"Ne eva to ŋunye yi la, nyemate ŋu akpɔe o, ne etso eme va yi la, nyemate ŋu adze sii o." data/train/JOB/JOB_038_Verse_001.mp3,“Afi ka mɔ si yi kekeli ƒe nɔƒe la to? Eye afi kae nye viviti nɔƒe? data/train/JOB/JOB_007_Verse_014.mp3,"“Nu kae nye amegbetɔ be nèdo kɔkɔe alea, be nètsɔ ɖe le eme nɛ nenema gbegbe," data/train/JOB/JOB_003_Verse_001.mp3,"Alo nu ka ta womeɖim ɖe tome abe fu gege ene, abe vidzĩ si mekpɔ ɣe kpɔ o la ene o?" data/train/JOB/JOB_028_Verse_004.mp3,“Ekema afi ka nunya tso? Afi ka nye gɔmesese ƒe nɔƒe? data/train/JOB/JOB_041_Verse_011.mp3,"Dzoxiwo dona tso eƒe nu me, eye nenema kee nye dzo ƒe aɖewo hã." data/train/JOB/JOB_038_Verse_016.mp3,"be woade tsi anyigba si dzi ame mele o kple gbegbe si ame menɔ o," data/train/JOB/JOB_019_Verse_017.mp3,"“Ne miegblɔ be, ‘Aleke míadi vɔ̃ nɛ? Eya ŋutɔ gbɔ kuxiawo tso’ la," data/train/JOB/JOB_035_Verse_011.mp3,"Ne ènye dzɔdzɔetɔ la, nu kae nètsɔ nɛ, alo nu kae wòxɔ tso asiwò me?" data/train/JOB/JOB_028_Verse_009.mp3,Etsana le tsidzɔƒewo eye wòhea nu ɣaɣlawo vaa kekeli nu. data/train/JOB/JOB_012_Verse_017.mp3,"Nu siawo katã dometɔ kae menyae be, Yehowa ƒe asie wɔ esiawo katã o?" data/train/JOB/JOB_010_Verse_002.mp3,Èna agbem henyo dɔ me nam eye le wò ametakpɔkpɔ la ta nèdzɔ nye gbɔgbɔ ŋuti. data/train/JOB/JOB_002_Verse_006.mp3,"Hiob ɖo eŋu nɛ be, “Èle nu ƒom abe nyɔnu bometsila ene. Ɖe míaxɔ nu nyuiwo ko tso Mawu gbɔ eye menye vɔ̃ hã oa?” Le nu siawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ le eƒe nuƒoƒo me o." data/train/JOB/JOB_012_Verse_014.mp3,“Mewɔ nuku be miawo koe nye amewo eye ne mieku la nunya aku kpli mi o! data/train/JOB/JOB_041_Verse_000.mp3,"Akpoxɔnuwo ɖo ɖe eƒe dzimegbe eye woɖo ɖe wo nɔewo nu," data/train/JOB/JOB_028_Verse_026.mp3,Womayɔ sui kple adzagba ƒe ŋkɔwo gɔ̃ hã ɖe eŋu o elabena nunya ƒe asixɔxɔ kɔ wu gbloti tɔ sãsãsã. data/train/JOB/JOB_034_Verse_031.mp3,"“Tsɔe be ame aɖe gblɔ na Mawu be, ‘Medze agɔ gake nyemagawɔe azɔ o." data/train/JOB/JOB_036_Verse_027.mp3,"Mexɔa nye gɔmesese tso afi aɖeke ɖaa, eya ta matso na nye Wɔla." data/train/JOB/JOB_012_Verse_013.mp3,“Mawu tɔe nye nunya kple ŋusẽ; aɖaŋudede kple gɔmesese hã nye etɔ. data/train/JOB/JOB_018_Verse_012.mp3,"Wò ame si vuvu ɖokuiwò kɔ ɖi le wò dziku me, ɖe wòle be woagblẽ anyigba ɖi ɖe tawò alo woaɖe agakpewo ɖa le wò teƒea?" data/train/JOB/JOB_001_Verse_007.mp3,"hedo gbe ɖa be, “Amamae menɔ hafi do go tso danye ƒe dɔ me, eye amamae manɔ hafi atrɔ adzo. Yehowae na eye Yehowae gaxɔe; woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ!”" data/train/JOB/JOB_010_Verse_011.mp3,"Ne mewɔ nu vɔ̃ la, wò ŋkuwo anɔ ŋutinye eye màgbe tohehe nam le nye vodada ta o." data/train/JOB/JOB_039_Verse_006.mp3,Elabena Mawu mena nunyae alo na susu nyuie o. data/train/JOB/JOB_028_Verse_014.mp3,"Gogloƒe gblɔ be, ‘Menye tɔnyee o,’ Atsiaƒu gblɔ be, ‘Mele gbɔnye o,’" data/train/JOB/JOB_010_Verse_015.mp3,Ŋutilãmeŋkue le tawòa? Ɖe nèkpɔa nu abe ale si amegbetɔ kodzogbea kpɔa nu enea? data/train/JOB/JOB_018_Verse_018.mp3,Ŋɔdzidodowo doa vodzi nɛ le akpa sia akpa eye wokplɔa eƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ɖo. data/train/JOB/JOB_023_Verse_003.mp3,"Esia ta ŋɔ dzim le eŋkume eye ne mebu esiawo katã ŋuti la, mevɔ̃na nɛ." data/train/JOB/JOB_038_Verse_022.mp3,"esi megblɔ be, ‘Afii ko nàse, mèkpɔ mɔ ato liƒo sia dzi o, afi sia ko wò dada kple ɖokuidodoɖedzi ase?’" data/train/JOB/JOB_023_Verse_013.mp3,"Nye afɔwo le eƒe afɔtoƒewo yome kplikplikpli, melé eƒe mɔ tsɔ eye nyemedze ɖe aga o." data/train/JOB/JOB_038_Verse_039.mp3,Wofia ku ƒe agbowo wò kpɔa? Èkpɔ ku ƒe vɔvɔli ƒe agbowo kpɔa? data/train/JOB/JOB_019_Verse_013.mp3,"Menya be nye Xɔnametɔ le agbe, eye mlɔeba la, atsi tsitre ɖe anyigba dzi." data/train/JOB/JOB_004_Verse_002.mp3,Bu ale si nèfia nu ame geɖewo kple ale si nèdo ŋusẽ asi beliwoe ŋuti. data/train/JOB/JOB_038_Verse_033.mp3,ne anyigba do kpe eye anyikɔ siwo le anyigba la lé ɖe wo nɔewo ŋu? data/train/JOB/JOB_026_Verse_006.mp3,Esiawoe nye eƒe dɔwɔwɔwo ƒe sue aɖe ko eye aleke dalĩ si wodo le eŋuti miese la le bɔlɔe ale! Eya ta ame kae ate ŋu ase eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?” data/train/JOB/JOB_026_Verse_003.mp3,"Ekeke dzigbeme ƒe lilikpowo ɖe teƒe siwo naneke mele o eye wòna anyigba le yame, naneke melée ɖe asi o." data/train/JOB/JOB_037_Verse_020.mp3,"Mawu ƒe gbe bluna le nukumɔwo dzi, ewɔa nu dzɔtsu siwo kɔ wu míaƒe gɔmesese." data/train/JOB/JOB_007_Verse_010.mp3,"Ne memlɔ anyi la, nye susu gblɔna be, ‘Ɣe ka ɣi gɔ̃e mele fɔfɔ ge?’ Zã didina eye meƒoa togotogoe le aba dzi va se ɖe fɔŋli." data/train/JOB/JOB_037_Verse_022.mp3,O ɖo to! Ɖo to eƒe gbe ƒe gbeɖeɖe kple bublu si le dodom tso eƒe nu me. data/train/JOB/JOB_010_Verse_021.mp3,"Ɖe wòle nuwò vivim be yele teyem ɖe to, be nètsɔ wò asinudɔwɔwɔ ƒu gbe eye nèle alɔgbɔnu kom na ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖowoa?" data/train/JOB/JOB_014_Verse_012.mp3,"Gake ne amegbetɔ ya ku la, wotsɔnɛ mlɔa anyie kpoo nenema; egbɔa eƒe gbɔgbɔ mamlɛa eye meganɔa agbe o." data/train/JOB/JOB_002_Verse_007.mp3,"Satana ɖo eŋu na Yehowa be, “Ŋutilã ɖe ŋutilã teƒe, ekema ame atsɔ nu sia nu si le esi la katã ana ɖe eƒe agbe ta." data/train/JOB/JOB_005_Verse_016.mp3,Ewɔa dzesi siwo gɔme womate ŋu ase o eye wòwɔa nukunu siwo womate ŋu axlẽ o. data/train/JOB/JOB_019_Verse_023.mp3,Nye ƒometɔwo dzo le gbɔnye eye nye ame nyanyɛwo ŋlɔm be. data/train/JOB/JOB_020_Verse_000.mp3,"atsrɔ̃ gbidii abe eya ŋutɔ ƒe afɔdzi ene eye ame siwo kpɔe la agblɔ be, ‘Afi ka wòle?’" data/train/JOB/JOB_010_Verse_020.mp3,"Ɖe wò ŋkekewo le abe kodzogbeawo tɔ ene alo wò ƒewo le abe amegbetɔ tɔ ene," data/train/JOB/JOB_018_Verse_005.mp3,Kekeli si le eƒe agbadɔ me la doa viviti eye akaɖi si le eƒe axadzi la hã tsina. data/train/JOB/JOB_034_Verse_014.mp3,"“Eƒe ŋkuwo le amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu, ekpɔa woƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe." data/train/JOB/JOB_006_Verse_026.mp3,Ɖe miedi be yewoaɖɔ nya si megblɔ la ɖo eye miawɔ ame si ƒo dzi ɖe le la ƒe nyawo abe yaƒoƒo enea? data/train/JOB/JOB_018_Verse_016.mp3,Woŋlɔnɛ be le anyigba dzi eye eƒe ŋkɔ buna le amewo dome. data/train/JOB/JOB_001_Verse_012.mp3,"Ke Satana bia Mawu be, “Ɖe Hiob vɔ̃a Mawu dzodzroa?" data/train/JOB/JOB_041_Verse_004.mp3,Ame kae tre nu nanam bena maɖo eteƒe nɛ mahã? Nu sia nu si le ɣea te la nye tɔnye. data/train/JOB/JOB_041_Verse_029.mp3,"“Nyemagbe nuƒoƒo le eƒe ata, abɔ, eƒe ŋusẽ kple eƒe nɔnɔme dzeani la ŋu o." data/train/JOB/JOB_038_Verse_028.mp3,eye womlɔ woƒe dowo me alo le adeklo dzi le ave mea? data/train/JOB/JOB_007_Verse_021.mp3,“Ɖe menye dɔ sesẽ mee amegbetɔ le le anyigba dzi oa? Ɖe eƒe ŋkekewo mele abe agbatetsɔla tɔ ene oa? data/train/JOB/JOB_014_Verse_005.mp3,Èdzea edzi kple ŋusẽ zi ɖeka eye ɖe wòvɔnae nye ekema; ètrɔa eƒe dzedzeme henyanɛ dzonae. data/train/JOB/JOB_021_Verse_005.mp3,elabena ɖe wòtsɔ ɖe le eme na ƒometɔ siwo wògblẽ ɖe megbe esi ɣleti siwo woɖo ɖi nɛ la wu nua? data/train/JOB/JOB_030_Verse_021.mp3,"Wo detɔwo tso ɖe ŋutinye le nye ɖusime, woɖo mɔwo ɖi na nye afɔ eye woƒu woƒe aʋakpowo ɖe ŋunye." data/train/JOB/JOB_022_Verse_009.mp3,Eya ta mɔkawo ɖe to ɖe wò ɖo eya ta dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe dziwò kpoyi hedo ŋɔdzi na wò data/train/JOB/JOB_010_Verse_010.mp3,"Ne mefɔ mo dzi la, ekema èɖeam ɖe nu abe dzata ene eye nèɖea wò ŋusẽ dziŋɔ la fiana ɖe ŋutinye." data/train/JOB/JOB_024_Verse_011.mp3,"Ke wo katã la, viviti tsiɖitsiɖie le na wo abe ŋdikekeli ene eye wodzea xɔ̃ viviti ƒe ŋɔdzinuwo." data/train/JOB/JOB_005_Verse_026.mp3,Wò la àko nu ne gbegblẽ kple dɔwuame le nu gblẽm eye màvɔ̃ anyigbadzilã wɔadãwo o. data/train/JOB/JOB_019_Verse_021.mp3,Nye nu me le ʋeʋẽm ɖe nye ŋutɔ srɔ̃nye eye mele ŋu nyɔm na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo. data/train/JOB/JOB_031_Verse_039.mp3,Ɖe menye ame si wɔm ɖe vidzidɔ me lae wɔ woawo hã oa? Ɖe menye eya koe wɔ mí ame evea katã ɖe mía dadawo ƒe dɔ me oa? data/train/JOB/JOB_002_Verse_001.mp3,Ale wonɔ anyi ɖe egbɔ le anyigba ŋkeke adre kple zã adre sɔŋ. Ame aɖeke mebia nya aɖekee o elabena wokpɔ ale si wònɔ veve semii. data/train/JOB/JOB_041_Verse_005.mp3,Anɔ kukuɖeɖe na wò dzi ɖaa be nàkpɔ nublanui nɛa? Aƒo nu na wò kple gbe blewua? data/train/JOB/JOB_027_Verse_000.mp3,"Aleke ke viawo sɔ gbɔe hã la, woɖo wo ɖi na yi eye eƒe dzidzimeviwo makpɔ nu aɖu aɖi ƒo akpɔ gbeɖe o." data/train/JOB/JOB_010_Verse_019.mp3,"Ɖe nyemedzɔ o alo wokɔm tso danye ƒe dɔ me yi yɔdo mee la, ne enyo ta!" data/train/JOB/JOB_016_Verse_000.mp3,Amewo ke woƒe nuwo baa hedo ɣli ɖe tanye. Woƒo tome nam fewuɖutɔe eye wowɔ ɖeka ɖe ŋunye. data/train/JOB/JOB_011_Verse_015.mp3,Wò agbe me akɔ wu ŋdɔkutsu dzati eye viviti anɔ na wò abe ŋdikekeli ene. data/train/JOB/JOB_031_Verse_003.mp3,"ekema esiawo hã anye nu vɔ̃ siwo wòle be woahe ayi ʋɔnu, elabena adze ƒãa be nyemeto nyateƒe na Mawu le dziƒo o." data/train/JOB/JOB_019_Verse_003.mp3,Eklo bubu le ŋunye eye wòɖe fiakuku le tanye. data/train/JOB/JOB_039_Verse_027.mp3,Ɖe hɔ̃ dzona yia dzi ʋĩi le wò gbeɖeɖe nu eye wòwɔa eƒe atɔ ɖe kɔkɔƒea? data/train/JOB/JOB_021_Verse_017.mp3,Miebia gbe mɔzɔlawo kpɔ oa? Mietsɔ ɖeke le woƒe nuteƒekpɔkpɔ si wogblɔ fia mi la me be data/train/JOB/JOB_035_Verse_002.mp3,"ame si fiaa nu geɖewo mí, wu gbemelã siwo le anyigba dzi eye wòwɔ mí nunyalawoe wu dziƒoxeviwo la le?’" data/train/JOB/JOB_034_Verse_021.mp3,Mele be wòava ame ƒe ta me gɔ̃ hã be Mawu awɔ nu gbegblẽ alo be Ŋusẽkatãtɔ la atso afia ŋkunɔ o. data/train/JOB/JOB_027_Verse_010.mp3,"“Meta Mawu si gbe afiatsotso nam la ƒe agbe kple Ŋusẽkatãtɔ, ame si do vevesese na nye luʋɔ be," data/train/JOB/JOB_016_Verse_020.mp3,"Tanyeʋlila nye xɔ̃nye, esi nye ŋkuwo le aɖatsi ɖuɖum na Mawu." data/train/JOB/JOB_039_Verse_007.mp3,"Ele anyigba ɖum esi wògli kple dzidzɔ manyagblɔ, mate ŋu anɔ te va se ɖe esime kpẽ naɖi o." data/train/JOB/JOB_006_Verse_016.mp3,"ne Mawu ɖe wòalɔ̃ agbãm gudugudu eye wòaɖe ka eƒe asi ɖe dzinye, ahawum ɖe!" data/train/JOB/JOB_004_Verse_020.mp3,"ʋuu keke, ke wòahanye ame siwo le anyixɔwo me, ame siwo gɔme woɖo anyi ɖe ke me eye wogbãa wo bɔbɔe abe ŋɔvi ene!" data/train/JOB/JOB_008_Verse_006.mp3,"Esi viwòwo wɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu la, etsɔ wo de asi na tohehe si woƒe nu vɔ̃ dze na." data/train/JOB/JOB_035_Verse_005.mp3,"gake nèhele ebiam be, ‘Viɖe ka wònye nam eye nu ka makpɔ le eme ne nyemewɔ nu vɔ̃ o?’" data/train/JOB/JOB_024_Verse_024.mp3,Woɖea tsyɔ̃evi le no nu eye woxɔa ame dahe ƒe vi ɖe fe si wònyi la nu. data/train/JOB/JOB_023_Verse_011.mp3,Ne makpɔ ale si wòaɖo eŋu nam eye mabu nya si wòagblɔ la ŋuti. data/train/JOB/JOB_014_Verse_001.mp3,"abe ale si tsi nyia kpewoe eye tsidzadza kplɔa ke si le anyigba dzonae ene la, nenemae nègblẽa ame ƒe mɔkpɔkpɔ mee." data/train/JOB/JOB_036_Verse_015.mp3,Ke eɖea ame siwo le fu kpem la le woƒe fukpekpewo me eye wòƒoa nu na wo le woƒe xaxa me. data/train/JOB/JOB_009_Verse_029.mp3,"Togbɔ be anye ame ƒe didi be yeahe nya kplii hã la, mate ŋu aɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu nɛ le nya akpe dome o." data/train/JOB/JOB_036_Verse_002.mp3,"Ame kae tia mɔ siwo wòato la nɛ alo gblɔ nɛ be, ‘Èwɔ nu gbegblẽ?’" data/train/JOB/JOB_018_Verse_006.mp3,Megatea ŋu ɖea abla o eye eya ŋutɔ ƒe nuɖoɖowo ƒunɛ anyi. data/train/JOB/JOB_021_Verse_033.mp3,"“Ɖe ame aɖe ate ŋu afia gɔmesese Mawu, esi wònye eyae drɔ̃a ʋɔnu ame kɔkɔtɔ gɔ̃ hã?" data/train/JOB/JOB_014_Verse_021.mp3,Woatre nye dzidadawo nu ɖe akplo me eye àtsyɔ nu nye nu vɔ̃wo dzi. data/train/JOB/JOB_009_Verse_033.mp3,"Wo katã le ɖeka eya ta megblɔ be, ‘Etsrɔ̃a ame maɖifɔ kple ame vɔ̃ɖi la siaa.’" data/train/JOB/JOB_003_Verse_020.mp3,"Viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi negaxɔe, lilikpo netsyɔ edzi eye blukɔ nedo ɖe eƒe kekeli dzi." data/train/JOB/JOB_016_Verse_016.mp3,"Nenye miawoe le tenyeƒe la, nye hã maƒo nu abe miawo ke ene, agblɔ nyatinyatiwo ɖe mia ŋu eye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu." data/train/JOB/JOB_015_Verse_028.mp3,"Wò ŋutɔ wò nue bu fɔ wò, menye tɔnyee o, eye wò ŋutɔ wò nuyiwoe ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò." data/train/JOB/JOB_005_Verse_009.mp3,Edoa ɖokuibɔbɔlawo ɖe dzi eye wòkɔa ame siwo le nu xam la dana ɖe dziɖeɖi me. data/train/JOB/JOB_040_Verse_011.mp3,"“Kpɔ atiglinyi si mewɔ kpe ɖe ŋutiwò la ɖa, eɖua gbe abe nyi ene." data/train/JOB/JOB_031_Verse_040.mp3,Ɖe menye gbegblẽ wònye na ame vɔ̃ɖiwo kple dzɔgbevɔ̃e na nu tovo wɔlawo oa? data/train/JOB/JOB_028_Verse_005.mp3,"Elabena eyae tea ŋu kpɔa anyigba ƒe mlɔenu ke, eye wòkpɔa nu sia nu si le ɣea te." data/train/JOB/JOB_031_Verse_013.mp3,"evɔ la tso nye ɖekakpuime ke, menyi tyɔẽviwo abe fofo ene eye tso nye ɖevime ke, mefia mɔ ahosiwo." data/train/JOB/JOB_013_Verse_024.mp3,"Ɖe ame aɖe ate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunyea? Ne ame aɖe ate ŋui la, ekema mazi ɖoɖoe aku." data/train/JOB/JOB_004_Verse_010.mp3,Ne Mawu gbɔ ɖe wo dzi la woyrɔna eye ne eƒe dziku fla la wotsrɔ̃na. data/train/JOB/JOB_029_Verse_004.mp3,elabena mexɔna na hiãtɔ siwo le ɣli dom be woakpe ɖe yewo ŋu kple tsyɔ̃evi si si kpeɖeŋutɔ mele o. data/train/JOB/JOB_017_Verse_013.mp3,"Nye ŋkekewo va yi, nye ɖoɖowo me gblẽ eye nenema kee nye nye dzi ƒe didiwo hã." data/train/JOB/JOB_010_Verse_009.mp3,"Magblɔ na Mawu be, ‘Mègabu fɔm o gake gblɔ nu siwo nye nya nètsɔ ɖe ŋutinye la nam." data/train/JOB/JOB_009_Verse_032.mp3,"“Vavã menya be esia nye nyateƒe, gake aleke amegbetɔ kodzogbea anɔ dzɔdzɔe le Mawu ŋkumee?" data/train/JOB/JOB_036_Verse_006.mp3,"“Ele nuwò blem be nàdo go tso xaxa ƒe glã me, ava teƒe keke, ahavo tso dzizizi me eye nànɔ wò kplɔ̃ si dzi nuɖuɖu damiwo le fũu la ŋu le dziɖeɖi me." data/train/JOB/JOB_038_Verse_005.mp3,"Ame ka ƒe dɔ mee tsikpe do tso? Ame kae dzi zãmu si dzana tso dziƒo," data/train/JOB/JOB_038_Verse_003.mp3,“Ame ka nye esi tsɔ viviti tsyɔ nye aɖaŋudede dzi kple nya siwo gɔmesese meli na la o? data/train/JOB/JOB_029_Verse_014.mp3,Metsɔ dzɔdzɔenyenye do abe awu ene eye nuteƒewɔwɔ nye nye awu ʋlaya kple tablanu. data/train/JOB/JOB_001_Verse_016.mp3,"Ne kplɔ̃ɖoɖo la dze wo dzi kpe ɖo vɔ la, Hiob dɔa ame ɖa woɖakɔa wo ŋuti. Esaa numevɔ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe nu, le ŋdi kanya elabena esusuna be, “Ɖewohĩ vinyewo wɔ nu vɔ̃ eye wodo ɖiŋu na Mawu le woƒe dziwo me.” Esiae Hiob wɔna ɖaa." data/train/JOB/JOB_030_Verse_022.mp3,"Wogbã nye mɔ, edze edzi na wo be wogblẽ donyeme eye ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu gɔ̃ hã o." data/train/JOB/JOB_024_Verse_017.mp3,"Vidzidɔ ŋlɔa wo be, wozua nuɖuɖu na ŋɔviwo, womegaɖoa ŋku ame vɔ̃ɖiwo dzi o, ke boŋ woŋena abe atilɔ ene." data/train/JOB/JOB_031_Verse_004.mp3,ekema Mawu nedam le nudanu nyuitɔ dzi eye wòanya be nyemeɖi fɔ o. data/train/JOB/JOB_009_Verse_020.mp3,"Ne anyigba aɖe ge ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe asi me la, ekema etsyɔa nu mo na eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. Ne menye eyae o ɖe, ekema ame kae?" data/train/JOB/JOB_015_Verse_007.mp3,"Elabena eŋlɔ kɔ do ɖe mo na Mawu eye wòdze aglã ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ŋu," data/train/JOB/JOB_030_Verse_029.mp3,Zã ŋɔa nye ƒuwo eye nye vevesese manyagblɔ nu metsona o. data/train/JOB/JOB_012_Verse_008.mp3,Eyae naa dukɔwo xɔa ŋkɔ eye eya kee tsrɔ̃a wo. Eyae dzia dukɔwo ɖe edzi eye eya kee kakaa wo. data/train/JOB/JOB_024_Verse_025.mp3,Ɖewohĩ ana woaɖe dzi ɖi abu be yewole dedie gake eƒe ŋkuwo le woƒe mɔwo ŋu. data/train/JOB/JOB_029_Verse_021.mp3,"O, nenye ɖe wòanɔ nam abe nye lãmesẽŋkekewo me ene, esi kadodo kple Mawu kplikplikpli na wòyra nye aƒe," data/train/JOB/JOB_014_Verse_008.mp3,Eya ta ɖe ŋku ɖa le eŋu eye nàɖe asi le eŋu va se ɖe esime eƒe ɣeyiɣi de abe agbatedɔwɔla ene. data/train/JOB/JOB_019_Verse_026.mp3,Zi ewo sɔŋue nye esi miedo vlom eye mieti kpo dze dzinye ŋumakpemakpetɔe. data/train/JOB/JOB_036_Verse_005.mp3,"“Ehea tsi si le gegem toŋtoŋtoŋ la ƒoa ƒu, si dzana abe tsi ene ɖe tɔʋuwo me," data/train/JOB/JOB_034_Verse_027.mp3,"O, ɖe woado Hiob akpɔ va se ɖe nuwuwu, be wòɖo nya ŋu abe ame vɔ̃ɖi ene la, ne anyo ŋutɔ!" data/train/JOB/JOB_006_Verse_003.mp3,"“Azɔ la, minyo dɔ me miatrɔ mo ɖe gbɔnye, ɖe mate ŋu ada alakpa le mia ŋkumea?" data/train/JOB/JOB_005_Verse_001.mp3,Ànyae be viwòwo asɔ gbɔ eye wò dzidzimeviwo asɔ agbɔ abe gbe mumu le anyigba dzi ene. data/train/JOB/JOB_014_Verse_007.mp3,"Ekena abe seƒoƒo ene eye wòyrɔna, ele abe vɔvɔli si dzona kaba eye metɔna ɖi o la ene." data/train/JOB/JOB_003_Verse_024.mp3,"“Ŋkeke si dzi wodzim la netsrɔ̃, nenema ke nye zã si me wogblɔ be, ‘Wodzi viŋutsu na mí!’" data/train/JOB/JOB_001_Verse_021.mp3,"Yehowa gblɔ na Satana be, “Enyo ta, nu sia nu si le esi la le asiwò me, ke mègaka asibidɛ eya amea ŋutɔ ŋu o.” Ale Satana dzo le Yehowa ŋkume." data/train/JOB/JOB_012_Verse_021.mp3,Wotsaa asi blukɔ me afi si akaɖi mele o eye wònana wonɔa ya mum abe ame siwo mu aha ene.” data/train/JOB/JOB_030_Verse_010.mp3,"“Ke azɔ la, wo viŋutsuwo kpa ha dem, heɖu fewu le ŋunye le ha la me eye mezu lodonu le wo dome." data/train/JOB/JOB_041_Verse_019.mp3,Eƒe gbɔgbɔ dea dzo aka me eye dzo bibi dona tso eƒe nu me. data/train/JOB/JOB_041_Verse_021.mp3,Gayibɔ le nɛ abe gbe ƒuƒu ene eye akɔbli le abe ati si nyunyɔ la ene. data/train/JOB/JOB_041_Verse_007.mp3,Àte ŋu amlae abe xevi ene alo atsɔe ada ɖe avɔ dzi na viwò nyɔnuviwoa? data/train/JOB/JOB_027_Verse_001.mp3,ame dzɔdzɔewo ado nu siwo wòli kɔe eye ame maɖifɔwo ama eƒe klosalo. data/train/JOB/JOB_016_Verse_012.mp3,Maƒo nu ade dzi ƒo na mi eye akɔfanya siwo ado tso nunye la ana miaƒe dzi adze eme. data/train/JOB/JOB_041_Verse_030.mp3,"Wolé ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe, woku ɖe wo nɔewo ŋu ale gbegbe be, womate ŋu ama wo dome o." data/train/JOB/JOB_024_Verse_015.mp3,“Nu ka ŋuti Ŋusẽkatãtɔ la meɖo ɣeyiɣiwo ɖi hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o? Nu ka ta ame siwo nyae la nanɔ mɔ kpɔm na ŋkeke siawo dzodzro? data/train/JOB/JOB_001_Verse_003.mp3,"Esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, dɔla bubu va gblɔ be, “Kaldeatɔwo ƒe adzoha etɔ̃ va dze wò kposɔwo dzi eye wolé wo dzoe. Wowu dɔlawo kple yi, nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!”" data/train/JOB/JOB_035_Verse_001.mp3,Ame abe wò ene ko dzie wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi awɔ dɔ ɖo eye amegbetɔviwo ko dzie wò dzɔdzɔenyenye awɔ dɔ ɖo. data/train/JOB/JOB_013_Verse_016.mp3,Nu ka ŋuti metsɔ ɖokuinye de xaxa me eye metsɔ nye agbe ɖo nye asiƒome? data/train/JOB/JOB_034_Verse_006.mp3,"Ehea to na wo ɖe woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta, le afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ wo le" data/train/JOB/JOB_001_Verse_002.mp3,"Esi Hiob se esia la, etso hedze eƒe awu ʋlaya eye wòlũ eƒe taɖa. Edze klo de ta agu," data/train/JOB/JOB_008_Verse_009.mp3,"Gake ne àkpɔ Mawu dzi ɖa, aƒo koko na Ŋusẽkatãtɔ la," data/train/JOB/JOB_022_Verse_010.mp3,eya ta viviti do ale gbegbe be màgate ŋu akpɔ nu o eye eya tae tɔɖɔɖɔ va tsyɔ dziwò ɖo. data/train/JOB/JOB_022_Verse_024.mp3,Wokplɔ wo dzoe hafi woƒe ɣeyiɣi de eye tsiɖɔɖɔ kplɔ woƒe gɔmeɖokpewo dzoe. data/train/JOB/JOB_007_Verse_017.mp3,"Nyee nye atsiaƒu alo lã dziŋɔ si le atsiaƒu ƒe gogloƒe be, nèɖe dzɔlawo ɖo ŋunyea?" data/train/JOB/JOB_031_Verse_019.mp3,Ne mekpɔ ame aɖe wòle tsɔtsrɔ̃m le avɔmanɔamesi ta alo hiãtɔ si mekpɔ awu ne wòado o data/train/JOB/JOB_023_Verse_016.mp3,"Ɖe wòatsi tsitre ɖe ŋunye kple ŋusẽ gã aɖea? Ao, ke boŋ aɖo tom" data/train/JOB/JOB_007_Verse_005.mp3,"“Eya ta nyemazi ɖoɖoe o, maƒo nu tso nye gbɔgbɔ ƒe vevesese me, eye mafa konyi le nye luʋɔ ƒe nuxaxa me." data/train/JOB/JOB_022_Verse_001.mp3,"Ame dzɔdzɔewo kpɔ woƒe gbegblẽ eye dzi dzɔ wo, ame maɖifɔwo gblɔ ɖe wo ŋu fewuɖutɔe be," data/train/JOB/JOB_012_Verse_005.mp3,Ekplɔa nunɔlawo dzonae amama eye ame siwo li ke tso gbe aɖe gbe ke la emua wo ƒua anyi. data/train/JOB/JOB_005_Verse_007.mp3,"Dedinɔnɔ le adzɔge ke na viawo, wobua fɔe le ʋɔnu eye ame aɖeke meli aʋli eta o." data/train/JOB/JOB_017_Verse_007.mp3,"“Mi katã mitrɔ va ko, migadze agbagba kpɔ! Gake nyemakpɔ nunyala aɖeke le mia dome o." data/train/JOB/JOB_028_Verse_023.mp3,Wokua gayibɔ le tome eye wokpɔa akɔbli ne wololõ akɔblikpe. data/train/JOB/JOB_030_Verse_002.mp3,Ekɔm ƒu gbe ɖe ba me eye mezu ke kple dzofi. data/train/JOB/JOB_026_Verse_007.mp3,Etsɔ nu tsyɔ ɣleti si sɔ tegblẽe la ƒe ŋkume eye wòkeke eƒe lilikpowo ɖe edzi. data/train/JOB/JOB_001_Verse_020.mp3,"Yehowa bia Satana be, “Afi ka nètso?” Satana ɖo eŋu na Yehowa be, “Metso tsatsa ge le anyigba dzi, menɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm le edzi.”" data/train/JOB/JOB_015_Verse_011.mp3,"Gbeɖiɖi siwo ŋu ŋɔdzi le la yɔ eƒe tome fũu eye ne wòdze abe nuwo ɖe wole afɔ tsɔm ene la, adzohawo va dzea edzi." data/train/JOB/JOB_021_Verse_007.mp3,“Eya ta aleke miate ŋu awɔ atsɔ miaƒe bometsinyawo afa akɔ nam mahã? Naneke mele miaƒe nyaŋuɖoɖowo me wu alakpa o!” data/train/JOB/JOB_013_Verse_001.mp3,Anyo na mi ne edo mi kpɔa? Miate ŋu ablee abe ale si miable amewo enea? data/train/JOB/JOB_032_Verse_004.mp3,"Elabena le menye la, mele abe wain si le goe me wotu nu ɖe enu ene eye abe wainlãgbalẽgolo si le klalo na gbagbã ene." data/train/JOB/JOB_009_Verse_006.mp3,"Esi wobum fɔɖilae xoxo ɖe, nu ka tae maganɔ ʋiʋlim dzodzro?" data/train/JOB/JOB_009_Verse_018.mp3,"Ne ame aɖe ɖe wòli aƒo nu le mía dome, ada asi ɖe mí ame evea dzi" data/train/JOB/JOB_013_Verse_008.mp3,"Ke miawo la, miele ŋunye gblẽm kple aʋatsonyawo, mi katã mienye gbedala siwo ŋu viɖe aɖeke mele o!" data/train/JOB/JOB_021_Verse_032.mp3,Zi nenie wole abe gbe ƒuƒu si ya lɔ ɖe nu alo atsa si ahom lɔ ɖe nu ene? data/train/JOB/JOB_036_Verse_011.mp3,"“Fuléle le dzi me na Mawumavɔ̃lawo, ne ede kunyowu woƒe afɔwo hã la, womedoa ɣli be woaxɔ na yewo o." data/train/JOB/JOB_041_Verse_018.mp3,Eƒe dɔme le abe ze gbagbã dzaglidzagliwo ene eye woɖea fli ɖe ba me abe luƒomɔ ene. data/train/JOB/JOB_014_Verse_020.mp3,"“O, ne ɖe nàɣlam ɖe yɔdo me, atsyɔ nu dzinye va se ɖe esime wò dziku nu va yi ɖe! Alo nàɖo ɣeyiɣi nam eye emegbe nàɖo ŋku dzinye ɖe!" data/train/JOB/JOB_013_Verse_022.mp3,"Togbɔ be ele wu ye ge hã la, matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ada ɖe eya amea dzi ko. Le nyateƒe me maʋu go nye mɔwo ɖe ŋkume nɛ." data/train/JOB/JOB_023_Verse_002.mp3,Ena se siwo wòde ɖi la va eme ɖe ŋutinye eye ɖoɖo siawo tɔgbi gale esi ɖe ŋunye. data/train/JOB/JOB_029_Verse_020.mp3,"“O, ale si medi vevie be wòanɔ nam abe ale si wònɔ le ɣleti siwo va yi me la ene, le ŋkeke siwo me Mawu kpɔ tanye," data/train/JOB/JOB_037_Verse_001.mp3,"Ale be amegbetɔ siwo katã wòwɔ la nanya eƒe dɔwɔwɔ, eye wòɖoa asi ame sia ame ƒe dɔ dzi." data/train/JOB/JOB_039_Verse_019.mp3,"Ke hã la, ne ekeke aʋala me, hedze duƒuƒu gɔme la, sɔ kple sɔdola ƒe nu ɖia kokoe nɛ." data/train/JOB/JOB_005_Verse_013.mp3,Elabena wò kple kpe siwo le agble me la miabla nu eye lã wɔadãwo anɔ anyi kpli wò le ŋutifafa me. data/train/JOB/JOB_021_Verse_027.mp3,"Woƒe aƒewo me le dedie, wovo tso vɔvɔ̃ ƒe asi me eye Mawu ƒe ameƒoti mevaa wo dzi o." data/train/JOB/JOB_017_Verse_001.mp3,"Ame siawo trɔ zã wòzu ŋkeke, ke esi viviti do ɖe wo la, wogblɔ be, ‘Kekeli tsɔ ɖe mía gbɔ’" data/train/JOB/JOB_031_Verse_032.mp3,"“Nenye ɖe meɖo dzi ɖe sika ŋu alo megblɔ na sika nyuitɔ be, ‘Wòe nye nye sitsoƒe,’" data/train/JOB/JOB_032_Verse_000.mp3,"Ale Buzitɔ, Barakel ƒe vi Elihu gblɔ be, “Nyemetsi o, mienye xoxo nam eya ta mevɔ̃ eye nyemete ŋu do dzi gblɔ nu si menya la na mi o." data/train/JOB/JOB_041_Verse_034.mp3,"ɖe sia ɖe lé ɖe nɔvia ŋu ale gbegbe be, ya gɔ̃ hã mate ŋu ato wo dome o." data/train/JOB/JOB_006_Verse_012.mp3,Miadzidze nu gɔ̃ hã ɖe tsyɔ̃eviwo dzi eye miatsɔ mia xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã aɖɔli nue. data/train/JOB/JOB_036_Verse_014.mp3,"Ke azɔ la, wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ si dze na ame vɔ̃ɖiwo la do agbae na wò, ale nège ɖe afiatsotso kple tohehe ƒe asi me." data/train/JOB/JOB_014_Verse_006.mp3,"Ekema àxlẽ nye afɔɖeɖewo, ke menye be wò ŋku nanɔ nye nu vɔ̃wo ŋu o." data/train/JOB/JOB_015_Verse_003.mp3,"Ame vɔ̃ɖi kpea fuwo ƒe fu le eƒe agbemeŋkekewo katã me, nenema ke ŋutasẽla hã kpea fu le ƒe siwo katã woɖo ɖi nɛ la me." data/train/JOB/JOB_010_Verse_013.mp3,"“Nye agbe le ŋu nyɔm na nye ŋutɔ, eya ta maɖe asi le nye konyifafa ŋu wòado bababa eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesese me." data/train/JOB/JOB_016_Verse_013.mp3,"“Mese nya siawo tɔgbi wòsɔ gbɔ, akɔfala gbɔlowo ko mi katã mienye!" data/train/JOB/JOB_006_Verse_008.mp3,"Ke womate ŋu aɖo dzi ɖe nɔvinye ŋutsuwo ŋu o elabena wole abe tɔʋu si miena le kuɖiɣi ene alo abe tɔʋu si ɖɔna gbagbana," data/train/JOB/JOB_004_Verse_018.mp3,Ɖe wò Mawuvɔvɔ̃ manye wò dzideƒo eye wò blibodede nanye wò mɔkpɔkpɔ oa? data/train/JOB/JOB_007_Verse_013.mp3,"Nu ka ta mèɖe ŋku ɖa le nye dzidadawo ŋu eye mètsɔ nye nu vɔ̃wo kem o? Elabena esusɔ vie mamlɔ ke me, àdim gake nyemaganɔ anyii o.”" data/train/JOB/JOB_025_Verse_006.mp3,Ɖe woate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwoa? Ame ka tame eƒe kekeli meklẽ ɖo o? data/train/JOB/JOB_003_Verse_003.mp3,"Ame siwo ƒoa fi dea ŋkekewo la, neƒo fi de ŋkeke ma, ame siwo le klalo be woade adã ta me na ʋɔ driba la." data/train/JOB/JOB_026_Verse_001.mp3,"“Ame kukuwo le vevesese gã aɖe me, nenema kee nye ame siwo le tɔ gɔme kple ame siwo le tɔ me." data/train/JOB/JOB_019_Verse_018.mp3,"Nenye nyateƒee be metra mɔ la, vodada sia nye nye ɖeka ko ƒe nya." data/train/JOB/JOB_022_Verse_022.mp3,“Wò Mawuvɔvɔ̃ tae wòka mo na wò hetsɔ nya ɖe ŋuwòa? data/train/JOB/JOB_010_Verse_022.mp3,Ɖo ŋku edzi be anyie nètsɔ mem. Ɖe nàgatrɔm azɔ mazu anyia? data/train/JOB/JOB_020_Verse_021.mp3,"Togbɔ be eƒe dada yi ɖatɔ dziƒo, eƒe ta yi ɖatɔ lilikpowo ke hã la," data/train/JOB/JOB_034_Verse_012.mp3,Ewɔna na ame ɖe nu si wòwɔ la nu eye wòhea nu si eƒe nuwɔnawo dze na la vaa edzii. data/train/JOB/JOB_008_Verse_020.mp3,"Ɖe womafia nu wò, agblɔe na wò oa? Ɖe womagblɔ nya na wò tso woƒe gɔmesese me oa?" data/train/JOB/JOB_036_Verse_000.mp3,Aleae wòkplɔa dukɔwoe eye wònaa nuɖuɖu wo le agbɔsɔsɔ me. data/train/JOB/JOB_019_Verse_007.mp3,"Eƒe aʋakɔwo lũ ɖe eme kple ŋusẽ, woƒu kpo ɖe ŋunye eye woƒu asaɖa anyi ɖe nye agbadɔ ŋu godoo va kpe." data/train/JOB/JOB_005_Verse_003.mp3,"Ànɔ agbe wòade edeƒe, ayi yɔ me kple dzidzɔ abe lu ye woxa hebla le nuŋeɣi ene." data/train/JOB/JOB_018_Verse_017.mp3,Woɖee ɖa le eƒe agbadɔ si nye eƒe sitsoƒe la me eye wokplɔe yina na ŋɔdziwo ƒe fia. data/train/JOB/JOB_007_Verse_012.mp3,nenemae wotsɔ ɣleti siwo me fukpekpe le kple zã siwo me hiãtuame le la nam. data/train/JOB/JOB_004_Verse_017.mp3,‘Ɖe ame kodzogbea anɔ dzɔdzɔe wu Mawua? Ɖe amegbetɔ anɔ dzadzɛe wu eƒe Wɔlaa? data/train/JOB/JOB_007_Verse_004.mp3,ekema ètsɔa drɔ̃ewo doa vɔvɔ̃ nam eye nètsɔa ŋutegawo doa ŋɔdzi nam. data/train/JOB/JOB_021_Verse_031.mp3,Woɖua woƒe ƒewo le dzidzedzekpɔkpɔ me eye woyia yɔ me le ŋutifafa me data/train/JOB/JOB_040_Verse_014.mp3,Nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe ne nàbɔbɔe ɖe anyi eye nàgbã ame vɔ̃ɖiwo ɖe afi si wole. data/train/JOB/JOB_030_Verse_018.mp3,Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi hele fofom le ŋutinye eye asrã dze dzinye kple dzoxɔxɔ gã aɖe. data/train/PSA/PSA_087_Verse_003.mp3,"O! Mawu ƒe du, wogblɔ nu nyui geɖewo tso ŋuwò. Sela" data/train/PSA/PSA_022_Verse_000.mp3,"Ame siwo katã kpɔm la ɖe alɔme le ŋunye; woflɔa dzu ɖe dzinye, eye woʋuʋua ta ɖe ŋunye gblɔna be:" data/train/PSA/PSA_143_Verse_011.mp3,"O! Yehowa, ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me, elabena mewòe mebe ɖo." data/train/PSA/PSA_028_Verse_007.mp3,"Yehowae nye nye ŋusẽ kple akpoxɔnu; nye dzi ka ɖe eya amea dzi, eye wòɖem. Nye dzi ti kpo le dzidzɔkpɔkpɔ ta, eye mada akpe nɛ to hadzidzi me." data/train/PSA/PSA_002_Verse_003.mp3,"Biam, ne matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinui kple anyigba ƒe seƒewo ke awɔ tɔwòe." data/train/PSA/PSA_132_Verse_001.mp3,"Elabena Yehowa tia Zion, eye wòtiae be wòanye ye nɔƒe be," data/train/PSA/PSA_119_Verse_115.mp3,"O! Yehowa, wò nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ, eya ta kpɔ nye agbe ta le wò sewo nu." data/train/PSA/PSA_060_Verse_005.mp3,"Ke hena ame siwo vɔ̃a wò la, èkɔ aflaga dzi be wòanye akpoxɔnu ɖe woƒe aŋutrɔ ŋu. Sela" data/train/PSA/PSA_119_Verse_173.mp3,"Ɖeɖe le adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo, elabena womedia wò sededewo ƒe mɔ o." data/train/PSA/PSA_108_Verse_002.mp3,"Gilead nye tɔnye, Manase hã tɔnyee; nye gakukue nye Efraim, eye Yuda nye nye fiatikplɔ." data/train/PSA/PSA_112_Verse_009.mp3,"Vavã, maʋã akpɔ o; woaɖo ŋku ame dzɔdzɔe dzi tegbee." data/train/PSA/PSA_086_Verse_011.mp3,"O! Aƒetɔ, tsɔ dzidzɔ vɛ na wò dɔla, elabena wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na." data/train/PSA/PSA_027_Verse_000.mp3,"David ƒe ha. Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe. Ame ka mavɔ̃? Yehowae nye mɔ sesẽ na nye agbe, ame ka adzi ŋɔ nam?" data/train/PSA/PSA_097_Verse_012.mp3,"Ŋukpe lé aklamakpakpɛsubɔlawo katã, ame siwo tsɔa legbawo ƒoa adegbee, ke misubɔe, mi mawuwo katã!" data/train/PSA/PSA_007_Verse_011.mp3,"ne mewɔ nu vɔɖi ɖe ame si li kplim le ŋutifafa me ŋuti alo meda adzo nye futɔ naneke mawɔmawɔtɔe la," data/train/PSA/PSA_078_Verse_028.mp3,"Etsɔ lilikpo kplɔ woe le ŋkeke me, eye wòtsɔ dzo keklẽ kplɔ woe le zã me." data/train/PSA/PSA_006_Verse_009.mp3,"Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nu te ŋunye. O! Yehowa, yɔ dɔm, elabena nye ƒuwo le veve sem." data/train/PSA/PSA_049_Verse_020.mp3,"Woayi tsiẽƒe abe alẽwo ene, eye woanye nuɖuɖu na ku. Ame dzɔdzɔe aɖu wo dzi le ŋdi, woƒe ŋutilãwo aƒaƒã ɖe yɔdo me, eye woate ɖa xaa tso woƒe xɔ gã dranyiwo gbɔ." data/train/PSA/PSA_145_Verse_020.mp3,"Yehowa tsɔ ɖe ame siwo yɔnɛ la gbɔ, ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me." data/train/PSA/PSA_119_Verse_130.mp3,"Togbɔ be mele abe waingolo le dzudzɔ me ene hã la, nyemeŋlɔ wò sededewo be o." data/train/PSA/PSA_064_Verse_003.mp3,gake Mawu ada aŋutrɔ wo eye wòalɔ wo zi ɖeka kpoyi woamu adze anyi. data/train/PSA/PSA_119_Verse_059.mp3,Mekpɔ dzidzɔ le wò ŋugbedodo la me abe ame si ke ɖe afunyinu gbogbo aɖe ŋu ene. data/train/PSA/PSA_076_Verse_011.mp3,Wò ko wòle be woavɔ̃. Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe nuwò ne èdo dɔmedzoe? data/train/PSA/PSA_095_Verse_005.mp3,"Elabena Yehowae nye Mawu gã la, eye wònye fiagã si ƒo mawuwo katã ta." data/train/PSA/PSA_127_Verse_005.mp3,"Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu. Ŋu makpe wo o, ne woawo kple futɔwo wɔ avu le agbo la me." data/train/PSA/PSA_107_Verse_054.mp3,"Wonyɔ ŋu nuɖuɖu ɖe sia ɖe, eye woɖo ku ƒe agbowo nu." data/train/PSA/PSA_079_Verse_013.mp3,"Wotsɔ wò dɔlawo ƒe kukuawo na dziƒoxewo abe nuɖuɖu ene, eye wotsɔ wò ame kɔkɔeawo ƒe ŋutilã na anyigbadzilã wɔadãwo." data/train/PSA/PSA_094_Verse_019.mp3,"Yehowa nya amegbetɔ ƒe susu, eye wònya be tofloko ko wònye." data/train/PSA/PSA_051_Verse_011.mp3,"O! Aƒetɔ, ke nye nuyiwo, eye nye nu aɖe gbeƒã wò kafukafu." data/train/PSA/PSA_020_Verse_002.mp3,"Azɔ menya be Yehowa ɖe eƒe amesiamina, etɔ nɛ tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la kple eƒe nuɖusi ƒe ŋusẽ, si wòtsɔna ɖea amee." data/train/PSA/PSA_018_Verse_044.mp3,"Wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ, Èna mebɔbɔ ame siwo katã tso ɖe ŋunye la ɖe anyi." data/train/PSA/PSA_037_Verse_021.mp3,"Ke Aƒetɔ la le ame vɔ̃ɖiwo kom, elabena enya be woƒe ŋkeke la gbɔna." data/train/PSA/PSA_076_Verse_000.mp3,"Afi ma wòŋe aŋutrɔ bibiwo, akpoxɔnuwo kple yiwo le, nu siwo nye aʋawɔnuwo. Sela" data/train/PSA/PSA_105_Verse_043.mp3,"Yehowa na eƒe dukɔ la dzi ɖe edzi, eye wòna wosɔ gbɔ fũu akpa na woƒe futɔwo," data/train/PSA/PSA_095_Verse_000.mp3,"Afi mae mia fofowo, togbɔ be wokpɔ nu si mewɔ hã la, wodom kpɔ, eye wotem kpɔ le." data/train/PSA/PSA_051_Verse_019.mp3,"Ɣla wò mo ɖe nye nu vɔ̃wo, eye nàtutu nye vodadawo katã ɖa." data/train/PSA/PSA_037_Verse_015.mp3,"Eƒe Mawu ƒe se le eƒe dzi me, eya ta eƒe afɔ meɖiɖina o." data/train/PSA/PSA_046_Verse_013.mp3,"“Ɖe dzi ɖi, eye nànya be nyee nye Mawu. Woadom ɖe dzi le dukɔwo dome, eye woadom ɖe dzi le anyigba dzi.”" data/train/PSA/PSA_078_Verse_021.mp3,"Enya dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòma woƒe anyigba na wo be wòanye woƒe domenyinu, eye wòna Israel ƒe toawo nɔ woƒe aƒewo me." data/train/PSA/PSA_106_Verse_037.mp3,"Wometsrɔ̃ ameawo abe ale si Yehowa de se na wo ene o," data/train/PSA/PSA_069_Verse_023.mp3,"O! Yehowa, medo gbe ɖa na wò le wò amenuveɣi; O! Mawu, le wò lɔlɔ̃ gã la ta, tɔ nam kple wò xɔname si medana le edzi o." data/train/PSA/PSA_075_Verse_000.mp3,"Asaf ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. O! Mawu, míeda akpe na wò, míeda akpe na wò, elabena wò ŋkɔ tsɔ ɖe mía gbɔ, eye amewo le wò nukunuwo xlẽm fia." data/train/PSA/PSA_084_Verse_005.mp3,"O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe ŋuwò la." data/train/PSA/PSA_031_Verse_005.mp3,"Le nye futɔwo ƒe nuwɔnawo ta mezu alɔmeɖenu na nye aƒelikawo vevie ŋutɔ. Mezu ŋɔdzinu na xɔ̃nyewo, eye ame siwo do gom le mɔtata dzi la sina le nunye." data/train/PSA/PSA_107_Verse_013.mp3,"elabena eƒo nu, elɔ ahom kɔ ɖe ƒu la dzi, eye eƒe tsotsoewo dze agbo." data/train/PSA/PSA_095_Verse_007.mp3,migasẽ miaƒe dzi me abe ale si miewɔ le Meriba kple ale si miewɔ gbe ma gbe le Masa le gbea dzi ene o. data/train/PSA/PSA_119_Verse_044.mp3,"Mawɔ ɖe wò sededewo dzi, eya ta mègagblẽm ɖi keŋkeŋ o." data/train/PSA/PSA_025_Verse_019.mp3,"Woakpɔ dzidzedze le woƒe agbemeŋkekewo me, eye woƒe dzidzimeviwo anyi anyigba la ƒe dome." data/train/PSA/PSA_072_Verse_019.mp3,"Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, eya ame si ko wɔa nu dzɔatsuwo." data/train/PSA/PSA_008_Verse_006.mp3,"Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔwo, ne mekpɔ ɣleti kple ɣletiviwo, nu siwo nètsɔ ɖo wo nɔƒee la," data/train/PSA/PSA_066_Verse_011.mp3,"Metsɔ nye nu do ɣli nɛ, eƒe kafukafu le nye aɖe dzi." data/train/PSA/PSA_117_Verse_000.mp3,"Elabena eƒe lɔlɔ̃ na mí sɔ gbɔ ŋutɔ, eye Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ li tegbee. Mikafu Yehowa." data/train/PSA/PSA_033_Verse_014.mp3,"Mikafu Yehowa kple kasaŋkuwo, eye miƒo ha nɛ le ka ewo ƒe kasaŋku dzi." data/train/PSA/PSA_006_Verse_002.mp3,"Mevɔ le eme keŋkeŋ le ŋeŋe ta; metsɔ aɖatsi ƒo nye aba, elabena mefa avi zã blibo la, eye nye aɖatsi wɔe be nye dɔƒe ƒo tsi belebele." data/train/PSA/PSA_119_Verse_047.mp3,"Maƒo nu tso wò sewo ŋu le fiawo ŋkume, eye ŋu makpem o." data/train/PSA/PSA_060_Verse_000.mp3,Ame ka akplɔm ayi du si ŋu woɖo gli sesẽ ƒo xlãe la me? Ame ka akplɔm ayi Edom? data/train/PSA/PSA_012_Verse_002.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe seminit ŋu. Xɔ nam, Yehowa elabena, mawuvɔ̃lawo megali o, eye nuteƒewɔlawo bu le amegbetɔwo dome." data/train/PSA/PSA_118_Verse_012.mp3,"Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbetegbe." data/train/PSA/PSA_009_Verse_018.mp3,Yehowa aɖu fia tegbetegbe; eɖo eƒe fiazikpui anyi hena ʋɔnudɔdrɔ̃. data/train/PSA/PSA_137_Verse_008.mp3,"O! Yerusalem, ne meŋlɔ wò be la, nye nuɖusibɔ nèŋlɔ eƒe ŋusẽ be," data/train/PSA/PSA_037_Verse_018.mp3,"gake Yehowa matsɔ wo agblẽ ɖe woƒe ŋusẽ te, alo wòaɖe mɔ be, woabu fɔ wo ne wokplɔ wo va ʋɔnui o." data/train/PSA/PSA_073_Verse_001.mp3,"Aleke wohetsrɔ̃ kpata ale, ŋɔdzi kplɔ wo dzoe kaba ŋutɔ!" data/train/PSA/PSA_119_Verse_035.mp3,"Kpɔ wò dɔla la ƒe dedinɔnɔ gbɔ, mègana dadalawo natem ɖe to o." data/train/PSA/PSA_046_Verse_002.mp3,"eye atsiaƒutsi ɖe gbe lɔ futukpɔ ɖe nu, ale be towo dzo kpekpekpe le eƒe howɔwɔ ta hã la, míavɔ̃ o. Sela" data/train/PSA/PSA_051_Verse_012.mp3,"O! Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nàgbugbɔ gbɔgbɔ si li ke la de menye." data/train/PSA/PSA_132_Verse_014.mp3,"O! Yehowa, tso, ne nàva wò gbɔɖemeƒe, wò kple wò ŋusẽ ƒe nubablaɖaka la gbɔ." data/train/PSA/PSA_105_Verse_039.mp3,"“Wòe matsɔ Kanaanyigba la na, abe wò domenyinu ene.”" data/train/PSA/PSA_073_Verse_009.mp3,"Esi nye dzi bi ɖe dɔ me nam, eye nye gbɔgbɔ se veve la," data/train/PSA/PSA_090_Verse_004.mp3,"Ènana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna be, “O! Amegbetɔviwo, mitrɔ zu kewɔ.”" data/train/PSA/PSA_052_Verse_000.mp3,"Ame dzɔdzɔewo akpɔe, eye woavɔ̃; woakoe ahagblɔ be," data/train/PSA/PSA_104_Verse_010.mp3,"Ètsɔ viviti vɛ, eye wòzu zã, ale lã siwo katã le ave me la doa go." data/train/PSA/PSA_092_Verse_010.mp3,"O! Yehowa, èna mekpɔ dzidzɔ le wò nuwɔnawo ta. Medzi ha tso aseye le wò asinudɔwo ta." data/train/PSA/PSA_008_Verse_004.mp3,"Èwɔe wòsɔ kple Mawu kloe, eye nètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ." data/train/PSA/PSA_019_Verse_012.mp3,"Yehowa ƒe sewo me kɔ; wonɔa anyi ɖaa. Yehowa ƒe sewo li ke sesĩe, eye ɖikeke aɖeke mele woƒe dzɔdzɔenyenye ŋu o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_099.mp3,"Nye nuyiwo negbã go kple kafukafu, elabena èfia wò sededewom." data/train/PSA/PSA_106_Verse_013.mp3,"Eɖe wo tso futɔ la ƒe asi me, eye ketɔ la ƒe asimee wòxɔ wo le." data/train/PSA/PSA_044_Verse_006.mp3,Ètsɔ wò dukɔ la dzra ho kpɔtsɔe eye mèkpɔ naneke le wo dzadzra me o. data/train/PSA/PSA_090_Verse_013.mp3,"O! Yehowa, bɔbɔ wò asi! Va se ɖe ɣe ka ɣi? Kpɔ nublanui na wò dɔlawo." data/train/PSA/PSA_068_Verse_035.mp3,"Woɖo ɖe fli me, hadzilawo le ŋgɔgbe, hafialawo ɖo, eye ɖetugbi siwo le axatsɛ ƒom la tsɔ wo ɖe dome." data/train/PSA/PSA_018_Verse_035.mp3,"Ne wose ŋkɔnye ko la, woɖoa tom, eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã dzona nyanyanya le nye ŋkume." data/train/PSA/PSA_148_Verse_012.mp3,"Wo katã nekafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eɖe gbe, eye wova dzɔ." data/train/PSA/PSA_030_Verse_006.mp3,"O! Yehowa, esi nève nunye la, èna nye to li ke zã, gake esi nèɣla wò ŋkume ɖem la, nye mo tsi dãa." data/train/PSA/PSA_076_Verse_012.mp3,"Woha kalẽtɔwo, wodɔ woƒe alɔ̃ mamlɛtɔ; aʋawɔla siawo dometɔ ɖeka pɛ hã magate ŋu akɔ eƒe asiwo dzi o." data/train/PSA/PSA_017_Verse_013.mp3,"Wotu woƒe ŋutasẽdziwo, eye wotsɔa woƒe nuwo gblɔa dadanyawoe." data/train/PSA/PSA_019_Verse_001.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Dziƒo ɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwo." data/train/PSA/PSA_058_Verse_010.mp3,"Wole abe abɔbɔ si va yi, eye etoƒe bu la ene. Wonenɔ abe fu gege ene, be womakpɔ ɣe o." data/train/PSA/PSA_140_Verse_012.mp3,"Wonyre woƒe aɖewo wole ɖaɖam abe da tɔ ene, eye da ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu. Sela" data/train/PSA/PSA_096_Verse_004.mp3,"Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ; miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ gbe sia gbe." data/train/PSA/PSA_035_Verse_028.mp3,"Ɖasefo ŋutasẽlawo zɔ va ŋgɔgbe, eye wobia biabiam tso nu siwo ŋuti nyemenya naneke le o." data/train/PSA/PSA_069_Verse_031.mp3,"Wotsɔ veve de nye nuɖuɖu me, eye esi tsikɔ wum la, wotsɔ aha tsitsi nam be mano." data/train/PSA/PSA_099_Verse_001.mp3,"Fia la nye ŋusẽtɔ, elɔ̃a afia nyui tsotso, wò la, èɖo dzɔdzɔenyenye anyi, eye nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yakob me." data/train/PSA/PSA_044_Verse_009.mp3,"Ke azɔ la, ègbe mí, eye nèbɔbɔ mí ɖe anyi; azɔ la, mègadona kple míaƒe aʋakɔwo o." data/train/PSA/PSA_102_Verse_003.mp3,"Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye anyigbadzifiawo katã ade bubu wò ŋutikɔkɔe ŋu." data/train/PSA/PSA_072_Verse_011.mp3,"Eƒe ŋkɔ nenɔ anyi ɖaa, eye nenɔ anyi zi ale si ɣe le keklẽm. Woayra dukɔwo katã to eya amea dzi, eye woayɔe be yayratɔ." data/train/PSA/PSA_111_Verse_002.mp3,"Enaa nuɖuɖu ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖoa ŋku eƒe nubabla dzi tegbetegbe." data/train/PSA/PSA_078_Verse_029.mp3,Etsɔ woƒe nukuwo na ʋetrawo kple woƒe kutsetsewo na ʋetsuviwo. data/train/PSA/PSA_094_Verse_021.mp3,Ɖe eya ame si wɔ to la mase nu oa? Ɖe eya ame si wɔ ŋku la makpɔ nu oa? data/train/PSA/PSA_091_Verse_014.mp3,"Woakɔ wò ɖe woƒe asiwo me, be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o." data/train/PSA/PSA_063_Verse_003.mp3,"Ke fia la akpɔ dzidzɔ le Mawu me; ame siwo katã kaa atam le Mawu ƒe ŋkɔ me la akafui, ke woamia nu na alakpatɔwo." data/train/PSA/PSA_076_Verse_002.mp3,Etsi dziɖulawo ƒe gbɔgbɔ nu; anyigbadzifiawo katã vɔ̃nɛ. data/train/PSA/PSA_126_Verse_001.mp3,"Ame siwo ƒã nu kple aɖatsi la, axa nu kple dzidzɔhawo." data/train/PSA/PSA_147_Verse_005.mp3,Enaa nuɖuɖu nyiwo kple akpaviã siwo le xɔxlɔ̃m nɛ. data/train/PSA/PSA_147_Verse_000.mp3,"Eda gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye wòbla woƒe abiwo na wo." data/train/PSA/PSA_037_Verse_002.mp3,"Ame siwo Yehowa yra la anyi anyigba la ƒe dome, ke ame siwo wòƒo fi de la, woaɖe wo ɖa." data/train/PSA/PSA_031_Verse_019.mp3,"Vevesese sɔŋ yɔ nye agbe me, eye ŋeŋe xɔ nye agbenɔƒewo me. Ŋusẽ vɔ le ŋunye le nye fukpekpewo ta, eye nye ƒuwo hã nyunyɔ ɖe lãme nam." data/train/PSA/PSA_107_Verse_034.mp3,"Wokpɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo, wokpɔ eƒe nukudɔwo le atsiaƒu gɔme," data/train/PSA/PSA_008_Verse_003.mp3,Èwɔe be wòanye agbo ɖe wò asinudɔwɔwɔ dzi; eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te. data/train/PSA/PSA_064_Verse_009.mp3,"Woɖoa nu vɔ̃ɖi hegblɔna le eŋuti be, “Míewɔ ɖoɖo deŋgɔ la vɔ!” Vavãe, ame ƒe susu kple dzi me nye ayenuwɔƒe," data/train/PSA/PSA_022_Verse_014.mp3,"Kesinɔtɔ siwo katã le anyigba dzi la aɖu nu, eye woasubɔe; ame siwo katã mate ŋu anɔ agbe o, eye woyi ɖe ke ƒe tume la adze klo ɖe eŋkume." data/train/PSA/PSA_031_Verse_014.mp3,"Na wò mo naklẽ ɖe wò dɔla dzi, ɖem le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta." data/train/PSA/PSA_069_Verse_010.mp3,"esi meta akpanya la, mezu nu ɖikokoe na amewo." data/train/PSA/PSA_063_Verse_006.mp3,"Mekpɔ wò le kɔkɔeƒe la, eye mekpɔ wò ŋusẽ kple wò ŋutikɔkɔe." data/train/PSA/PSA_119_Verse_140.mp3,"Wò dɔmenyo neɖiɖi ɖe dzinye, be manɔ agbe, elabena wò se lae nye nye dzidzɔ." data/train/PSA/PSA_060_Verse_004.mp3,"Gilead nye tɔnye, Manase hã tɔnyee. Nye gakukue nye Efraim, eye Yuda nye nye fiatikplɔ." data/train/PSA/PSA_009_Verse_001.mp3,"Ame siwo nya wò ŋkɔ la aɖo dzi ɖe ŋuwò, elabena wò Yehowa, megble ame siwo dia wò la ɖi kpɔ o." data/train/PSA/PSA_012_Verse_004.mp3,"O! Yehowa, àna míanɔ dedie, eye àdzɔ mía ŋu tso ame siawo tɔgbi ƒe asi me tegbetegbe." data/train/PSA/PSA_080_Verse_013.mp3,"O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔmedzoe abi ɖe wò dukɔ ƒe gbedodoɖa ŋu?" data/train/PSA/PSA_035_Verse_005.mp3,"Esi nyemewɔ naneke wo o, gake woɖo ɖɔ ɖi nam, eye woɖe ʋe ɖi nam ta la," data/train/PSA/PSA_068_Verse_028.mp3,"O! Mawu, wole míaƒe azɔlime kpɔm, wole ale si nye Mawu kple fianye zɔ ge ɖe kɔkɔeƒe lae la kpɔm." data/train/PSA/PSA_058_Verse_007.mp3,"O, Mawu, ŋe aɖu ɖe nu me na wo, O, Yehowa, tu tsyo na dzata la!" data/train/PSA/PSA_099_Verse_009.mp3,"Yehowa nye gã le Zion, ekɔ gbɔ dukɔwo katã ta." data/train/PSA/PSA_102_Verse_000.mp3,"Ale woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le Zion kple eƒe kafukafu le Yerusalem," data/train/PSA/PSA_109_Verse_008.mp3,"Etsɔ ɖiŋudodo do abe awu ene, wòge ɖe eƒe lãme abe tsi ene, eye wòɖo eƒe ƒuwo me abe ami ene," data/train/PSA/PSA_081_Verse_011.mp3,"Mieyɔm le miaƒe xaxa me, eye mexɔ na mi. Metɔ na mi le dziɖegbelilikpo la me. Medo mi kpɔ le Meriba tsi la gbɔ. Sela" data/train/PSA/PSA_051_Verse_000.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Ekpa ha sia esime wòwɔ ahasi kple Batseba, eye Nyagblɔɖila Natan va egbɔ. O! Mawu, kpɔ nye nublanui le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta. Le wò dɔmenyo sɔgbɔ la nu, tutu nye dzidadawo ɖa." data/train/PSA/PSA_007_Verse_008.mp3,Na be amehawo naƒo ƒu ɖe ŋuwò. Ɖu fia ɖe wo dzi tso dziƒo; data/train/PSA/PSA_094_Verse_001.mp3,"Aɖo woƒe nu vɔ̃wo teƒe na wo, eye wòatsrɔ̃ wo le woƒe vɔ̃ɖinyenye ta, ɛ̃, Yehowa, míaƒe Mawu la atsrɔ̃ wo." data/train/PSA/PSA_066_Verse_009.mp3,"Matsɔ lã damiwo kple agbowo asa numevɔe na wò, hekpe ɖe nyitsuwo kple gbɔ̃wo ŋuti. Sela" data/train/PSA/PSA_073_Verse_023.mp3,"Vavã, ètsɔ wo ɖo didiƒe, eye nètsɔ wo xlã ɖe anyi wogblẽ keŋkeŋ." data/train/PSA/PSA_069_Verse_015.mp3,"Medo ɣli be woaxɔ nam, ale nu ti kɔ nam, eye nye ve me hã ƒu kplakplakpla. Mekpɔ mɔ na Mawu ʋuu, eye ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu." data/train/PSA/PSA_075_Verse_004.mp3,"Ke nye la, manɔ esia gblɔm ɖaa be; madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la;" data/train/PSA/PSA_068_Verse_023.mp3,"Midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ, mido ame si le lilikpowo dzi gbɔna la ɖe dzi, eŋkɔe nye Yehowa, eye mitso aseye le eŋgɔ;" data/train/PSA/PSA_007_Verse_001.mp3,"Ame si ɖe ʋe, heku eme wògoglo nyuie la age dze ʋe si eya ŋutɔ ɖe la me." data/train/PSA/PSA_115_Verse_003.mp3,"Dziƒo kɔkɔtɔ nye Yehowa, Wɔla la tɔ, ke etsɔ anyigba na amegbetɔ." data/train/PSA/PSA_096_Verse_007.mp3,"Mina dziƒowo natso aseye, anyigba nekpɔ dzidzɔ, atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbe," data/train/PSA/PSA_072_Verse_014.mp3,"Ha na Solomo. O! Mawu, tsɔ wò afia nyui tsotso do na fia la, kple wò dzɔdzɔenyenye na fiavi la." data/train/PSA/PSA_119_Verse_114.mp3,"O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la neva gbɔnye; nenema kee nye wò xɔname hã le wò ŋugbedodo la nu," data/train/PSA/PSA_068_Verse_004.mp3,Basan towo ƒe dzedzeme kple kɔkɔme nya kpɔ ŋutɔ; to tsaklitsakliwo Basan toawo nye. data/train/PSA/PSA_056_Verse_009.mp3,"Wò Mawu si ƒe nya mekafu, Mawu si dzi meka ɖo; nyemavɔ̃ akpɔ o. Nu ka amegbetɔ, ŋutilã kple ʋu, awɔm ma?" data/train/PSA/PSA_056_Verse_007.mp3,"O! Mawu, meɖe adzɔgbe na wò, eya ta maxe adzɔgbeɖefe na wò." data/train/PSA/PSA_089_Verse_008.mp3,"Ègblɔ be, “Mebla nu kple nye ame tiatia, meka atam na David, nye dɔla be," data/train/PSA/PSA_096_Verse_011.mp3,"O! Mi dukɔwo ƒe ƒomewo, mitsɔ ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ na Yehowa." data/train/PSA/PSA_004_Verse_003.mp3,"Mamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me, elabena wò, Yehowa, koe na mele dedie." data/train/PSA/PSA_080_Verse_004.mp3,"Ètsɔ mí wɔ dzrewɔnui na míaƒe aƒelikawo, eye míaƒe futɔwo ɖe alɔme le mía ŋu." data/train/PSA/PSA_104_Verse_002.mp3,"Dzatawo ɖea gbe na nuléle, eye wodia woƒe nuɖuɖu tso Mawu gbɔ." data/train/PSA/PSA_083_Verse_000.mp3,"Abe ale si dzo biaa ave, alo dzo ƒe aɖe tɔa dzo towo ene la," data/train/PSA/PSA_127_Verse_003.mp3,"Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la, le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene." data/train/PSA/PSA_030_Verse_003.mp3,"Èna nye avifafa zu ɣeɖuɖu; èɖe akpanya le ŋutinye hetsɔ dzidzɔkpɔkpɔ do nam," data/train/PSA/PSA_095_Verse_002.mp3,"Anyigba ƒe gogloƒewo le eƒe asi me, eye towo ƒe tsutsueƒe ke hã nye etɔ." data/train/PSA/PSA_068_Verse_015.mp3,"Kafukafu woana Aƒetɔ, Mawu míaƒe Ɖela, ame si tsɔa míaƒe agbawo gbe sia gbe. Sela" data/train/PSA/PSA_103_Verse_013.mp3,"Mewɔna na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo nu, alo ɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o." data/train/PSA/PSA_118_Verse_028.mp3,"Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye ha, eye wòzu nye xɔname." data/train/PSA/PSA_046_Verse_005.mp3,"Mawu le afi ma, eya ta mamu adze anyi o. Mawu akpe ɖe eŋu ne ŋu ke teti." data/train/PSA/PSA_044_Verse_015.mp3,"Nenye ɖe míeŋlɔ míaƒe Mawu ŋkɔ be, alo ke míaƒe abɔwo na dzromawu aɖe la," data/train/PSA/PSA_025_Verse_020.mp3,"Yehowa gblɔa nya ɣaɣlawo na ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea eƒe nubabla fiaa wo." data/train/PSA/PSA_108_Verse_007.mp3,"Ne Mawu le mía dzi la, míaɖu dzi, eye wòafanya míaƒe futɔwo ɖe eƒe afɔ te." data/train/PSA/PSA_078_Verse_015.mp3,"Ena dzo fia eƒe ɖekakpuiwo, eye womedzi srɔ̃ɖeha na eƒe ɖetugbiwo o." data/train/PSA/PSA_114_Verse_003.mp3,"Mi towo, nu ka ta mieti kpo abe agbowo ene, eye mi togbɛwo abe alẽviwo ene ɖo?" data/train/PSA/PSA_077_Verse_007.mp3,"Maɖo ŋku Yehowa ƒe nuwɔwɔwo dzi, ɛ̃, maɖo ŋku nukunu siwo nèwɔ le blema la dzi." data/train/PSA/PSA_066_Verse_007.mp3,"gake Mawu ɖo tom vavã, eye wòse nye gbe le gbedodoɖa me." data/train/PSA/PSA_089_Verse_033.mp3,"Nye asi alée ɖe asi, le nyateƒe me, nye alɔ ado ŋusẽe." data/train/PSA/PSA_099_Verse_004.mp3,"Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome; Samuel le ame siwo yɔ eƒe ŋkɔ la dome; woyɔ Yehowa ŋkɔ, eye wòtɔ na wo." data/train/PSA/PSA_141_Verse_006.mp3,"O! Yehowa, ɖo dzɔla nye nu ŋu, eye nɔ ŋudzɔ ɖe nye nuyi ƒe ʋɔtru ŋu." data/train/PSA/PSA_118_Verse_010.mp3,"Le nye vevesese me, medo ɣli yɔ Yehowa, etɔ nam, eye wòɖe gam." data/train/PSA/PSA_022_Verse_023.mp3,"Woaɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye na ame siwo meva dzɔ haɖe o, elabena eyae wɔe." data/train/PSA/PSA_062_Verse_002.mp3,"Eya koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋã akpɔ gbeɖe o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_066.mp3,"Melé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu, eye metrɔ nye afɔ ɖe wò nuɖoanyiwo ŋu." data/train/PSA/PSA_089_Verse_026.mp3,"Maɖe gbeƒã be wò lɔlɔ̃ li ke tegbee, eye nèɖo wò nuteƒewɔwɔ anyi ɖe dziƒo ŋutɔŋutɔ." data/train/PSA/PSA_116_Verse_017.mp3,"O! Yehowa, wòe ɖe nye luʋɔ tso ku me, nye ŋkuwo tso aɖatsi si me, nye afɔwo tso anyidzedze me;" data/train/PSA/PSA_081_Verse_002.mp3,"Asaf ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu. Midzi ha, mikpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, míaƒe ŋusẽ la ŋu, eye mitso aseye kple ɣli ɖe Yakob ƒe Mawu la ŋu!" data/train/PSA/PSA_077_Verse_018.mp3,“Ɖe Aƒetɔ la agbe ame tegbetegbea? Ɖe magave ame nu akpɔ oa? data/train/PSA/PSA_034_Verse_006.mp3,"ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta, eye womaŋe wo dometɔ aɖeke o." data/train/PSA/PSA_096_Verse_010.mp3,Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome. data/train/PSA/PSA_059_Verse_009.mp3,"O! Nye ŋusẽ, mele kafukafuha dzim na wò. O! Mawu, wòe nye nye mɔ sesẽ kple nye Mawu si dzi meka ɖo." data/train/PSA/PSA_116_Verse_001.mp3,be mate ŋu azɔ le Yehowa ŋkume le agbagbeawo ƒe anyigba dzi. data/train/PSA/PSA_078_Verse_037.mp3,"Eɖo eƒe dɔmedzoe nyanyra, dziku helĩhelĩ, xaxa kple fuwɔame, siwo nye mawudɔla siwo gblẽa nu la ɖe wo." data/train/PSA/PSA_074_Verse_018.mp3,Wole nu wɔm abe ŋutsu siwo lé fia ɖe asi le ave dodowo me be woalã atiwo ene. data/train/PSA/PSA_107_Verse_017.mp3,"Etsi ahom la nu wòzi ɖoɖoe abe dalĩ dom wole ene, eye ƒutsotsoeawo hã ɖo to kpoo." data/train/PSA/PSA_139_Verse_000.mp3,Afi ka madzo le wò Gbɔgbɔ la gbɔ ayi? Afi ka masi atso wò ŋkume ayi? data/train/PSA/PSA_119_Verse_138.mp3,"Wò dzɔdzɔenyenye li tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wò se la hã nye nyateƒe." data/train/PSA/PSA_066_Verse_019.mp3,"Wòe de mí gaxɔ me, eye nèdo agba ɖe megbe na mí." data/train/PSA/PSA_071_Verse_000.mp3,"Àdzi nye bubu ɖe edzi, eye àgafa akɔ nam." data/train/PSA/PSA_119_Verse_055.mp3,"Meka atam, eye meɖo kpe edzi be, wò se dzɔdzɔewo yome ko manɔ." data/train/PSA/PSA_081_Verse_014.mp3,"Nyee nye Yehowa, wò Mawu, ame si kplɔ wò do goe tso Egipte. Ke wò nu baa, eye mana wòayɔ." data/train/PSA/PSA_048_Verse_000.mp3,"Abe ale si míese ene la, nenemae míekpɔe le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la kple míaƒe Mawu la ƒe du mee. Mawu na wòanɔ dedie tegbetegbe. Sela" data/train/PSA/PSA_017_Verse_000.mp3,"Afiatsotso nam netso gbɔwò, eye na wò ŋkuwo nakpɔ nu si le dzɔdzɔe." data/train/PSA/PSA_028_Verse_006.mp3,Yehowae nye eƒe dukɔ ƒe ŋusẽ; ɖeɖe ƒe mɔ sesẽ wònye na eƒe amesiamina. data/train/PSA/PSA_109_Verse_014.mp3,"Le nutsitsidɔ ta la, nye klowo zu belie, eye meɖi ku glaglaglã." data/train/PSA/PSA_019_Verse_004.mp3,Nuƒoƒo alo gbegbɔgblɔ aɖeke meli si me womese woƒe gbe le o. data/train/PSA/PSA_082_Verse_001.mp3,gake miaku abe amegbetɔwo ko ene eye miatsi aʋa abe fia ɖe sia ɖe ko ene.” data/train/PSA/PSA_115_Verse_002.mp3,"ayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, suewo kple gãwo siaa." data/train/PSA/PSA_084_Verse_012.mp3,"Ŋkeke ɖeka le wò xɔxɔnu nyo wu akpe le afi aɖe; enyo be manye agbonudzɔla le Mawu ƒe aƒe me wu be manɔ ame vɔ̃ɖi ƒe agbadɔ me," data/train/PSA/PSA_049_Verse_004.mp3,"ame siwo ɖoa dzi ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu, eye wotsɔa woƒe nukpɔkpɔ gbogboawo nɔa adegbe ƒom ɖo?" data/train/PSA/PSA_073_Verse_002.mp3,"Ame kae le dziƒo nam, negbe wò ko? Naneke mele anyigba si medi kpe ɖe ŋuwò o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_139.mp3,"Wò dɔlae menye, eya ta na sidzedzem, be mase wò nuɖoanyiwo gɔme." data/train/PSA/PSA_115_Verse_013.mp3,"O! Israel ƒe aƒe, ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eyae nye wò kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu." data/train/PSA/PSA_034_Verse_001.mp3,"Ame dzɔdzɔewo do ɣli, Yehowa see, eye wòɖe wo le woƒe xaxawo katã me." data/train/PSA/PSA_147_Verse_009.mp3,Eɖe eƒe nya fia Yakob eye wòɖe eƒe sewo kple sededewo fia Israel. data/train/PSA/PSA_038_Verse_021.mp3,Wò dziku helĩhelĩ la wɔe be ŋusẽ aɖeke megale menye o; nye ƒuwo tugu le nye nu vɔ̃ ta. data/train/PSA/PSA_094_Verse_022.mp3,Ɖe fiazikpui madzɔmadzɔ si hea hiãkame vɛ to eƒe sededewo me la ate ŋu ade ha kpli wòa? data/train/PSA/PSA_083_Verse_001.mp3,"ame siwo gblɔ be, “Mina míaxɔ Mawu ƒe lãnyiƒewo.”" data/train/PSA/PSA_065_Verse_007.mp3,"Gbe damawo dzi yɔ fũu kple lãhawo, eye balimewo ƒe afi sia afi yɔ kple bli; wo katã do dzidzɔɣli, eye wodzi ha." data/train/PSA/PSA_139_Verse_002.mp3,"Dzro menye, o Mawu, eye nànya nye dzi; dom kpɔ, eye nànya nye susu si tsi dzodzodzoe." data/train/PSA/PSA_073_Verse_026.mp3,"Woƒe nuwo xɔ dziƒo wɔ wo tɔe, eye woƒe aɖewo xɔ anyigba wòzu wo tɔ." data/train/PSA/PSA_050_Verse_023.mp3,Ɖe meɖua nyilã alo noa gbɔ̃wo ƒe ʋua? data/train/PSA/PSA_105_Verse_022.mp3,"Eʋu agakpe la, tsi do na wo bababa, eye wòsi to gbegbe la abe tɔsisi ene." data/train/PSA/PSA_069_Verse_020.mp3,"Meɖo ba yi ɖe tome ke, afi si afɔɖoƒe mele o. Meɖo tɔ goglowo me; tsi ɖɔ to tanye." data/train/PSA/PSA_016_Verse_004.mp3,"Èna menya agbemɔ la; àtsɔ dzidzɔkpɔkpɔ ayɔ menye le ŋkuwò me, eye matsɔ vivisese si mevɔna o la anɔ wò nuɖusime tegbee." data/train/PSA/PSA_078_Verse_016.mp3,"Ena lã dza ɖe wo dzi abe ʋuʋudedi ene, eye xe dzodzoewo abe ƒutake ene." data/train/PSA/PSA_068_Verse_005.mp3,"be nàklɔ afɔ ɖe wò futɔwo ƒe ʋu me, eye wò avuwo ƒe aɖewo hã nakpɔ wo tɔ gome.”" data/train/PSA/PSA_032_Verse_009.mp3,"Tete meɖe nye nu vɔ̃wo fia wò, eye nyemetsyɔ nu nye dzidadawo dzi o. Megblɔ be, “Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa”, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒe yomedzenuwo kem. Sela" data/train/PSA/PSA_045_Verse_013.mp3,"O! Vinyɔnu, ɖo to, nàbu eŋu, eye nàƒu to anyi. Ŋlɔ wò dukɔ kple fofowò ƒe aƒe la be." data/train/PSA/PSA_102_Verse_021.mp3,"Nye dzi xɔ abi, eye wòyrɔ abe gbe ene. Meŋlɔ nye nuɖuɖu gɔ̃ hã be." data/train/PSA/PSA_069_Verse_008.mp3,"Ènya ale si wodo vlom, ɖi gbɔ̃m, eye wodo ŋu kpem; nye futɔwo katã le ŋkuwò me." data/train/PSA/PSA_109_Verse_000.mp3,"Ame aɖeke megave enu loo, alo akpɔ nublanui na eƒe tsyɔ̃eviwo o." data/train/PSA/PSA_068_Verse_025.mp3,"Miɖe gbeƒã Mawu ƒe ŋusẽ, ame si ƒe atsyɔ̃ le Israel dzi, eye eƒe ŋusẽ le dziŋgɔli ŋu." data/train/PSA/PSA_138_Verse_004.mp3,"O! Yehowa, anyigbadzifiawo katã akafu wò, ne wose wò numenya." data/train/PSA/PSA_011_Verse_003.mp3,"Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ; ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume." data/train/PSA/PSA_092_Verse_013.mp3,"Vavã, wò futɔwo, o Yehowa, atsrɔ̃ le nyateƒe me, eye nu vlo wɔlawo katã aka ahlẽ gbẽe." data/train/PSA/PSA_140_Verse_007.mp3,"O! Aƒetɔ Yehowa, nye Ɖela sesẽ, ame si ɖɔ gakuku nam le aʋakpegbe." data/train/PSA/PSA_099_Verse_007.mp3,"Wonekafu wò ŋkɔ gã, dziŋɔ la, eya amea le kɔkɔe." data/train/PSA/PSA_123_Verse_001.mp3,"Míetsɔ dadalawo ƒe alɔmeɖeɖe gbogboawo, eye míenɔ te ɖe ɖokuiŋudzelawo ƒe vlodoame gbogboawo nu eteƒe didi." data/train/PSA/PSA_069_Verse_027.mp3,"Te ɖe ŋunye, eye nàxɔ nam, ɖem le nye ketɔwo ta." data/train/PSA/PSA_119_Verse_142.mp3,"Wò nuteƒewɔwɔ li le dzidzimewo katã; wòe ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòli ke ɖaa." data/train/PSA/PSA_116_Verse_021.mp3,Yehowa nye amenuvetɔ kple dzɔdzɔetɔ; míaƒe Mawu la yɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. data/train/PSA/PSA_143_Verse_008.mp3,"Nu te nye gbɔgbɔ ŋu le menye, eye nye dzi wɔ yaa le menye." data/train/PSA/PSA_145_Verse_003.mp3,"Ewɔa ame siwo vɔ̃nɛ la ƒe dzimedidiwo na wo, esea woƒe ɣlidodo, eye wòɖea wo." data/train/PSA/PSA_037_Verse_039.mp3,"Ɖe asi le dziku ŋu, eye nàtrɔ megbe de wò dɔmedzoe, ŋɔ megadzi wò o, elabena nu vɔ̃ɖi me ko wòakplɔ wò ayii." data/train/PSA/PSA_074_Verse_001.mp3,"Ke wò la, O Mawu, wòe nye fianye tso blema ke; wòe tsɔ ɖeɖe va anyigba la dzi." data/train/PSA/PSA_119_Verse_167.mp3,"Ɖe nye ŋku ɖa le nu maɖinuwo ŋu, eye nàɖe nye agbe le wò nya la nu." data/train/PSA/PSA_148_Verse_003.mp3,"Etsɔ wo ɖo wo nɔƒe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, ede se si nu mayi akpɔ gbeɖe o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_113.mp3,"O! Yehowa, wò la, dzɔdzɔetɔe nènye, eye wò sewo hã le dzɔdzɔe." data/train/PSA/PSA_094_Verse_010.mp3,"O, Yehowa, woayra ame si nèhe to na, ame si nèfia nui tso wò se la me," data/train/PSA/PSA_061_Verse_003.mp3,"elabena wòe nye nye sitsoƒe kple mɔ sesẽ, le futɔ la ta." data/train/PSA/PSA_036_Verse_000.mp3,"Dadalawo megaɖo afɔ dzinye, alo ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi nanyam o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_026.mp3,"Fukpekpe kple xaxa va dzinye, gake wò sededewo doa dzidzɔ nam." data/train/PSA/PSA_109_Verse_015.mp3,"Matsɔ nye nu ado Yehowa ɖe dzi, eye le ameha gã la dome, makafui," data/train/PSA/PSA_045_Verse_011.mp3,"O! Kalẽtɔ, tsɔ wò yi ta ɖe ali, eye nàtsɔ wò atsyɔ̃ kple gãnyenye ata." data/train/PSA/PSA_108_Verse_010.mp3,"O! Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome, eye madzi ha le ŋuwò le anyigbadzitɔwo dome," data/train/PSA/PSA_035_Verse_014.mp3,"Nye aɖe aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti, eye wòadzi wò kafukafuha ɖaa." data/train/PSA/PSA_130_Verse_001.mp3,"Ke wò la, tsɔtsɔke le gbɔwò, eya ta wovɔ̃a wò ɖo." data/train/PSA/PSA_119_Verse_165.mp3,"Wɔ wò ŋugbedodo la dzi na wò dɔla, ale be woavɔ̃ wò." data/train/PSA/PSA_078_Verse_062.mp3,"Wotsɔ woƒe nunɔlawo de asi na yi, eye avi bu ɖe woƒe ahosiwo." data/train/PSA/PSA_125_Verse_002.mp3,"Ke ame siwo trɔ ɖe mɔ gɔglɔ̃ dzi la, Yehowa atsɔ wo aƒu gbe, kpe ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi." data/train/PSA/PSA_028_Verse_002.mp3,"Esi womede bubu Yehowa ƒe nuwɔnawo kple eƒe asinudɔwo ŋuti o ta la, àgbã wo aƒu anyi, eye màgbugbɔ wo atu akpɔ gbeɖe o." data/train/PSA/PSA_022_Verse_002.mp3,"Avuwo ƒo xlãm, ame vɔ̃ɖiwo ƒe ha ɖe to ɖem, eye wotsɔ nu ŋɔ nye asiwo kple afɔwo." data/train/PSA/PSA_050_Verse_017.mp3,"Nya vlowo doa go le nuwò, eye wò aɖe blea ame." data/train/PSA/PSA_094_Verse_015.mp3,"Wogblɔ be, “Yehowa mele ekpɔm o, Yakob ƒe Mawu la metsɔ ɖeke le eme o.”" data/train/PSA/PSA_124_Verse_005.mp3,"Míesi abe xevi si do le mɔtrela ƒe mɔka me la ene; mɔka la tso, eye míesi dzo." data/train/PSA/PSA_124_Verse_007.mp3,"Woakafu Yehowa, ame si meɖe mɔ be woavuvu mí kple woƒe aɖu o." data/train/PSA/PSA_104_Verse_034.mp3,"Ɣe dzena, eye wotrɔna dzona ɖamlɔa woƒe dowo me." data/train/PSA/PSA_040_Verse_012.mp3,"O! Yehowa, meɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gã la dome, eye abe ale si nènya ene la, nyememia nye nu o." data/train/PSA/PSA_149_Verse_009.mp3,"Wonekafu eƒe ŋkɔ kple ɣeɖuɖu, eye woneƒo ha nɛ kple asiʋuiwo kple kasaŋku." data/train/PSA/PSA_116_Verse_020.mp3,"Yehowa kpɔa ame siwo fa tu le dzi me la ta; esi menɔ hiahiã gã aɖe me la, eɖem le eme." data/train/PSA/PSA_119_Verse_029.mp3,"Gɔmesese su asinye to wò sewo dzi, eya ta metsri mɔ gɔglɔ̃ ɖe sia ɖe." data/train/PSA/PSA_078_Verse_059.mp3,"Womelé Mawu ƒe nubabla me ɖe asi o, eye wogbe be yewomanɔ agbe ɖe eƒe se la nu o." data/train/PSA/PSA_149_Verse_006.mp3,"ne woatsɔ abia hlɔ̃ dukɔwo, eye woatsɔe ahe toe na amewo," data/train/PSA/PSA_103_Verse_009.mp3,"Ena Mose nya eƒe mɔwo, eye wòna Israelviwo nya eƒe nuwɔwɔwo." data/train/PSA/PSA_049_Verse_014.mp3,"Nu ka ta mavɔ̃ ne ŋkeke vɔ̃wo va, ne ame vɔ̃ɖi, ameblelawo ƒo xlãm," data/train/PSA/PSA_106_Verse_030.mp3,"Tsi la ŋe tsyɔ wo yometilawo dzi, eye ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o." data/train/PSA/PSA_066_Verse_015.mp3,"O! Mi dukɔwo, mikafu míaƒe Mawu la; mina eƒe kafukafu nade dzi woase." data/train/PSA/PSA_118_Verse_015.mp3,"Nyemaku o, ke boŋ manɔ agbe, eye maɖe gbeƒã nu siwo Yehowa wɔ." data/train/PSA/PSA_084_Verse_003.mp3,"O! Mawu, nye kɔ nàkpɔ míaƒe akpoxɔnu, eye nakpɔ wò amesiamina la kple amenuveve." data/train/PSA/PSA_072_Verse_008.mp3,"Dukɔ siwo le gbegbe la ade ta agu nɛ, eye eƒe futɔwo aɖuɖɔ ʋuʋudedi." data/train/PSA/PSA_068_Verse_022.mp3,Míaƒe Mawu nye Mawu si xɔna na ame; ɖeɖe tso ku me vana to Aƒetɔ Yehowa ko dzi. data/train/PSA/PSA_018_Verse_032.mp3,"Metu wo memie abe ʋuʋudedi si ya lɔ ɖe nu la ene, eye metrɔ wo ɖe mɔtata dzi abe anyi ene." data/train/PSA/PSA_010_Verse_010.mp3,"Ke wò, O! Mawu, koe kpɔa dzɔgbevɔ̃e kple vevesese; èbua eŋuti, eye asiwò me wole. Ame si le fukpekpe me la, tsɔa eɖokui dea asi na wò; elabena wòe nye xɔnametɔ na tsyɔ̃eviwo." data/train/PSA/PSA_119_Verse_028.mp3,"Gɔmesese le asinye wu dumegãwo, elabena mewɔ ɖe wò ɖoɖowo dzi." data/train/PSA/PSA_068_Verse_016.mp3,"Ke ame dzɔdzɔewo ya akpɔ dzidzɔ, atso aseye le Mawu ŋkume; na woakpɔ dzidzɔ, eye woatu aglo." data/train/PSA/PSA_119_Verse_043.mp3,"Mawɔ ɖe wò se la dzi ɣe sia ɣi, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me." data/train/PSA/PSA_105_Verse_021.mp3,"Eɖo viviti ɖa, eye anyigba la dzi do blukɔ elabena ɖe wometsi tsitre ɖe eƒe nyawo ŋu oa?" data/train/PSA/PSA_022_Verse_015.mp3,"Mate ŋu axlẽ nye ƒuwo, amewo fɔ ŋku ɖe dzinye, eye wokpɔ dzidzɔ le nye anyidzedze ŋuti." data/train/PSA/PSA_039_Verse_008.mp3,"“O! Yehowa, fia nye agbe ƒe nuwuwu kple ŋkeke ale si manɔ agbee lam; eye na manya ale si nye agbe le du dzii." data/train/PSA/PSA_106_Verse_043.mp3,"Wowɔ nyivi le Horeb to la gbɔ, eye wosubɔ legba si wowɔ kple ga." data/train/PSA/PSA_081_Verse_016.mp3,"“Ɖe wònye nye dukɔ aɖo tom, eye Israel nazɔ nye mɔwo dzi la," data/train/PSA/PSA_107_Verse_056.mp3,"Woƒã nukuwo ɖe agble me, wode waingblewo, eye wotse ku geɖe hena xaxa." data/train/PSA/PSA_103_Verse_012.mp3,"Metsɔa nya ɖe ame ŋu ɣe sia ɣi, alo léa dɔmedzoe ɖi ɖikaa o." data/train/PSA/PSA_044_Verse_014.mp3,"ne vlodolawo, fewuɖulawo le nunye ɖiam, elabena futɔ la ɖoe kplikpaa be yeabia hlɔ̃m." data/train/PSA/PSA_106_Verse_005.mp3,"Eblu ɖe Ƒu Dzĩ la ta, eye wòmie; ale wòkplɔ wo to ƒugɔme abe tagba ƒuƒui ene." data/train/PSA/PSA_119_Verse_080.mp3,"Na be wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la nanye nye akɔfafa, le ŋugbe si nèdo na wò dɔla la ta." data/train/PSA/PSA_040_Verse_014.mp3,"O! Yehowa, nye Mawu, wò nukunu siwo nèwɔ la sɔ gbɔ loo! Ɖoɖo geɖe siwo nèwɔ ɖe mía ŋu la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo afia wò o. Ne ɖe wòanye be maƒo nu le wo ŋu, eye maxlẽ wo afia la, nyemate ŋui o, elabena wosɔ gbɔ akpa." data/train/PSA/PSA_102_Verse_014.mp3,"Le nye ŋeŋe sesĩe ta la, meɖi ku zu ƒu ɖeɖe." data/train/PSA/PSA_144_Verse_009.mp3,"O! Mawu, madzi ha yeye na wò, matsɔ kasaŋku, ka ewo tɔ aƒo ha na wò," data/train/PSA/PSA_142_Verse_005.mp3,"Trɔ ɖe nye ɖusime ne nàkpɔ; ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o. Bebeƒe aɖeke meli nam o, eye ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o." data/train/PSA/PSA_068_Verse_011.mp3,"eya ame si nye tɔ na tɔmanɔsitɔwo, ahosiwo ta ʋlila, eye wònye Mawu si le enɔƒe kɔkɔe la." data/train/PSA/PSA_050_Verse_011.mp3,"“Mitsɔ akpedavɔsawo na Mawu, eye mixe miaƒe adzɔgbeɖefewo na Dziƒoʋĩtɔ la." data/train/PSA/PSA_020_Verse_005.mp3,"Nena nu si wò dzi di la wò, eye wòana wò ɖoɖowo katã nadze edzi na wò." data/train/PSA/PSA_024_Verse_011.mp3,"O! Yakob ƒe Mawu, aleae dzidzime si dia wò, eye wòdia ŋkuwòme la le. Sela" data/train/PSA/PSA_010_Verse_012.mp3,"Nu siwo eƒe dzi dina la, egblɔnɛ adegbeƒotɔe; eyraa ŋuklẽlawo, eye wòɖea alɔme le Yehowa ŋu." data/train/PSA/PSA_003_Verse_002.mp3,"Memlɔ anyi hedɔ alɔ̃; meganyɔ, elabena Yehowae kpɔ tanye." data/train/PSA/PSA_140_Verse_009.mp3,"O! Yehowa, megblɔ na wò be, “Wòe nye nye Mawu.” See, o Yehowa, se nye nublanuiɣli." data/train/PSA/PSA_089_Verse_003.mp3,"Aƒetɔ, ɖo ŋku ale si woɖu fewu le wò dɔla ŋuti kple ale si nye dzi tsɔ dukɔwo ƒe vlodoame la dzi." data/train/PSA/PSA_114_Verse_004.mp3,"O! Anyigba, dzo nyanyanya le Aƒetɔ la ŋkume, le Yakob ƒe Mawu la ŋkume," data/train/PSA/PSA_040_Verse_017.mp3,"Ŋu nekpe ame siwo katã le nye agbe dim ne woaɖe ɖa la; woƒe mo netsi dãa, eye ame siwo katã le nye gbegblẽ dim la negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe." data/train/PSA/PSA_018_Verse_026.mp3,"Lilikpo, kpetsi kple dzikedzo do tso eƒe mo ƒe keklẽ la me." data/train/PSA/PSA_119_Verse_110.mp3,"O! Yehowa, menya be wò sewo le dzɔdzɔe, eye le wò dzɔdzɔenyenye la me, nèka hiãm." data/train/PSA/PSA_030_Verse_002.mp3,"Elabena medoa dɔmedzoe eteƒe didina o, ke eƒe amenuveve ya nɔa anyi agbenɔɣi katã. Avifafa anɔ anyi le zã me, gake aseyetsotso ava le ŋdi me." data/train/PSA/PSA_088_Verse_006.mp3,"Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Enye nufiameha si Ezrahitɔ Heman kpa; woadzii ɖe Mahalat Leanot ƒe gbeɖiɖi nu. O! Yehowa, Mawu si ɖem, mele ɣli dom le ŋkuwò me zã kple keli." data/train/PSA/PSA_042_Verse_001.mp3,"Le ŋkeke me la, Yehowa ɖoa eƒe lɔlɔ̃ ɖem, le zã me la eƒe ha nɔa nunyeme, eye wònyea gbedodoɖa na nye agbe ƒe Mawu la." data/train/PSA/PSA_107_Verse_023.mp3,"Ke ekɔ hiãtɔwo ɖe dzi tso woƒe hiã me, eye wòna woƒe ƒome dzi ɖe edzi abe lãhawo ene." data/train/PSA/PSA_119_Verse_062.mp3,"Mele du dzi le wò sewo ƒe mɔ dzi, elabena èna nye dzi gbɔ ɖe me." data/train/PSA/PSA_149_Verse_004.mp3,"Mikafu Yehowa. Midzi ha yeye na Yehowa, midzi eƒe kafukafuha le ame kɔkɔewo ƒe asaɖa me." data/train/PSA/PSA_074_Verse_016.mp3,"Wòe ʋu nu le tsitsetsewo kple tɔʋuwo nu wosi bababa, eye wòe na tɔ siwo sina ɖaa la mie." data/train/PSA/PSA_139_Verse_017.mp3,"O! Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ! Wò susuwo sɔ gbɔ loo!" data/train/PSA/PSA_050_Verse_010.mp3,"Míaƒe Mawu la gbɔna, ahom le tutum le eŋgɔ, dzo le nu bim le eŋgɔ, eye mazi ɖoɖoe o." data/train/PSA/PSA_108_Verse_004.mp3,"Kpe ɖe mía ŋu ɖe míaƒe futɔwo ŋuti, elabena èna amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele nemi hã me o." data/train/PSA/PSA_039_Verse_001.mp3,"“Aƒetɔ, ke azɔ la, nu ka makpɔ mɔ na? Nye mɔkpɔkpɔ le mewò." data/train/PSA/PSA_091_Verse_013.mp3,"Vavã, aɖe wò le xevimɔtrela ƒe mɔ kple dɔvɔ̃ dziŋɔ me." data/train/PSA/PSA_068_Verse_012.mp3,"Eya ame si nɔ blemalilikpowo dzi, eye wòɖe gbe kple gbe sesẽ aɖe." data/train/PSA/PSA_149_Verse_001.mp3,"Elabena Yehowa do dzidzɔ ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòtsɔ ɖeɖe ɖɔ na ame gblɔewo." data/train/PSA/PSA_122_Verse_003.mp3,"Le nɔvinye ŋutsuwo kple xɔ̃nyewo ta, magblɔ be, “Ŋutifafa nenɔ mewò.”" data/train/PSA/PSA_047_Verse_007.mp3,"Midzi kafukafuhawo na Mawu, midzi kafukafuhawo; midzi kafukafuhawo na míaƒe Fia la, midzi kafukafuhawo," data/train/PSA/PSA_022_Verse_018.mp3,"Mewòe mía fofowo tsɔ woƒe xɔse dee, woka ɖe dziwò, eye nèɖe wo." data/train/PSA/PSA_018_Verse_011.mp3,"Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu? Ame kae ganye Agakpe, ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa?" data/train/PSA/PSA_106_Verse_038.mp3,"Wosubɔ woƒe legbawo, esi zu mɔ me woge ɖo." data/train/PSA/PSA_016_Verse_007.mp3,"Makafu Yehowa, ame si ɖoa aɖaŋu nam; le zã me ke hã, nye dzi xlɔ̃a num." data/train/PSA/PSA_063_Verse_007.mp3,"Nye luʋɔ aɖi ƒo abe nuɖuɖu nyuitɔ kekeakee wòɖu ene; hadzidzi anɔ nu nam, eye nye nu adzi kafukafuhawo na wò." data/train/PSA/PSA_089_Verse_005.mp3,"Èdo eƒe futɔwo ƒe nuɖusi ɖe dzi, eye nèna eƒe ketɔwo katã tso aseye." data/train/PSA/PSA_061_Verse_007.mp3,"O! Mawu, èse nye adzɔgbeɖeɖewo, eye nètsɔ ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la ƒe domenyinu nam." data/train/PSA/PSA_106_Verse_026.mp3,"O! Yehowa, míaƒe Mawu, ɖe mí, eye nàƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome, be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye míaƒo adegbe le wò kafukafu ŋu." data/train/PSA/PSA_024_Verse_001.mp3,"Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia la? Yehowa ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ lae, Yehowa si wɔa kalẽ le aʋagbedzi lae." data/train/PSA/PSA_071_Verse_021.mp3,"Tso nye dzigbe ke, wò ko ŋu meku ɖo, elabena wòe ɖem tso danye ƒe dɔ me, eya ta makafu wò ɖaa." data/train/PSA/PSA_113_Verse_001.mp3,"Ame si na konɔ nɔa eƒe aƒe me, hekpɔa dzidzɔ abe viwo dada ene. Mikafu Yehowa." data/train/PSA/PSA_119_Verse_153.mp3,Wò ɖoɖowo dzɔa dzi nam; wonye nye aɖaŋuɖolawo. data/train/PSA/PSA_029_Verse_008.mp3,Yehowa ƒe gbe ŋe Lebanon ƒe sedatiwo. data/train/PSA/PSA_119_Verse_074.mp3,"Mexlẽ nye mɔwo fia, eye nèɖo tom. Fia wò sededewom." data/train/PSA/PSA_141_Verse_010.mp3,"Ɖem le mɔ siwo wotre nam la me, tso mɔkli si nu tovo wɔlawo ɖo ɖi la me." data/train/PSA/PSA_037_Verse_020.mp3,"Ke ame vɔ̃ɖi ya atsrɔ̃. Yehowa ƒe futɔwo anɔ abe gbe ƒe seƒoƒo ene, woanya kpɔ nyuie, gake wo nu ava yi, woabu abe dzudzɔ ene." data/train/PSA/PSA_039_Verse_013.mp3,"Ɖem tso nye vodadawo katã me, eye mègawɔm mazu alɔmeɖenu na yakamewo o." data/train/PSA/PSA_055_Verse_009.mp3,"Maɖe abla ayi ɖe nye bebeƒe, ate ɖe aga tso ya sesẽwo kple ahom gbɔ.”" data/train/PSA/PSA_119_Verse_166.mp3,"Ŋɔdzi lém le ame vɔ̃ɖiwo ta, ame siwo gbe nu le wò se la gbɔ." data/train/PSA/PSA_018_Verse_018.mp3,"Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla, eye nèfiaa ɖokuiwò fɔmaɖilae na ame si ŋu fɔɖiɖi mele o." data/train/PSA/PSA_115_Verse_012.mp3,"O! Aron ƒe aƒe, ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eyae nye wò kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu." data/train/PSA/PSA_033_Verse_020.mp3,"Yehowa gblẽ dukɔwo ƒe adaŋudedewo me, eye wòtɔtɔ anyigbadzitɔwo ƒe ɖoɖowo." data/train/PSA/PSA_019_Verse_008.mp3,Woxɔ asi wu sika kple sika nyuitɔ; wovivina wu anyitsi kple anyitsi si woɖe le anyito me. data/train/PSA/PSA_089_Verse_012.mp3,"Èna eƒe yi nu tsi, eye mèkpe ɖe eŋu le aʋawɔwɔ me o." data/train/PSA/PSA_060_Verse_002.mp3,"Èna ɣeyiɣi sesẽwo tu wò dukɔ la, eye nèna wain mí míeno mu hele yiyim sɔgɔsɔgɔsɔgɔ." data/train/PSA/PSA_078_Verse_004.mp3,"Ale woɖui ʋuu heɖi ƒo taŋ, elabena ewɔ nu si dzrom wole la dzi na wo." data/train/PSA/PSA_009_Verse_013.mp3,"O Yehowa, kpɔ ale si nye futɔwo le yonyeme tim ɖa! Kpɔ nye nublanui, eye nàkɔm tso ku ƒe agbowo me," data/train/PSA/PSA_119_Verse_092.mp3,Nu te nye ŋkuwo ŋu le wò ɖeɖedidi ta. data/train/PSA/PSA_129_Verse_001.mp3,"Ale gbetsola mate ŋu atsoe alɔ ɖe asime loo, alo ame si le elɔm la, nayi elɔ ge ɖe abɔdome o." data/train/PSA/PSA_027_Verse_006.mp3,"Mègaɣla wò ŋkume ɖem o, mègatrɔ wò dɔla ɖo ɖa le dɔmedzoe me o, elabena wòe nye nye xɔnametɔ. O! Mawu, nye Ɖela, mègagbe nu le gbɔnye alo agblem ɖi o." data/train/PSA/PSA_037_Verse_001.mp3,"Ame dzɔdzɔewo ƒe xɔxɔ atso Yehowa gbɔ, eye eyae nye woƒe mɔ sesẽ le xaxaɣeyiɣiwo me." data/train/PSA/PSA_119_Verse_048.mp3,"Maɖe abla, nyemahe ɖe megbe o, be mawɔ ɖe wò sededewo dzi." data/train/PSA/PSA_018_Verse_017.mp3,"Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene, eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo." data/train/PSA/PSA_106_Verse_036.mp3,"Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me, eye womeɖo to Yehowa o." data/train/PSA/PSA_065_Verse_011.mp3,"Wò ame si na towo va dzɔ to wò ŋusẽ me, eye nètsɔ ŋusẽ bla ali dzii," data/train/PSA/PSA_089_Verse_009.mp3,"ekema matsɔ ati ahe to na woe ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta, eye matsɔ ƒoƒo ahe to na wo ɖe woƒe vodadawo ta," data/train/PSA/PSA_028_Verse_001.mp3,"Esi mekɔ nye asiwo dzi ɖo ɖe wò Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔƒe la gbɔ la, se nye ɣlidodo na nublanuikpɔkpɔ, ne meyɔ wò be nàxɔ nam." data/train/PSA/PSA_037_Verse_003.mp3,"Ame siwo ŋuti fɔɖiɖi mele o la ƒe ŋkekewo le nyanya na Yehowa, eye woƒe domenyinu anɔ anyi tegbetegbe." data/train/PSA/PSA_081_Verse_009.mp3,"“Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o; Israel gbe, mebɔbɔ eɖokui nam o," data/train/PSA/PSA_048_Verse_011.mp3,"O! Mawu, wò kafukafu de keke anyigba la ƒe mlɔenu ke abe wò ŋkɔ ene. Wò nuɖusi ɖua fia le dzɔdzɔenyenye me." data/train/PSA/PSA_119_Verse_032.mp3,"Kekeli vana ne woʋu go wò nyawo, eye nugɔmesese sua ame gblɔewo gɔ̃ hã si." data/train/PSA/PSA_043_Verse_000.mp3,"Ekema mayi ɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui ŋgɔ, Mawu si nye nye aseyetsotso kple nye dzidzɔ. O! Mawu, nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku." data/train/PSA/PSA_002_Verse_007.mp3,"Mitsɔ ɖokuibɔbɔ do ɖe fia la ŋkume, ne menye nenema o la, ado dziku, eye wòatsrɔ̃ mi kpata, elabena eƒe dɔmedzoe ate ŋu afla ɣe sia ɣi. Woayra ame siwo katã tsɔe wɔ sitsoƒee." data/train/PSA/PSA_035_Verse_026.mp3,"woƒe mɔ dzi nedo viviti, ahanɔ ɖiɖim, eye Yehowa ƒe dɔla neti wo yome." data/train/PSA/PSA_069_Verse_004.mp3,"Dziƒo kple anyigba nekafui, atsiaƒuwo kple nu siwo katã ʋãna le wo me," data/train/PSA/PSA_039_Verse_002.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ Yedutun. Megblɔ be, “Malé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu, akpɔ nye aɖe dzi be mawɔ nu vɔ̃ o, eye zi ale si ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me la, made ga nye nu.”" data/train/PSA/PSA_022_Verse_021.mp3,"O! Nye Mawu, medo ɣli na wò le ŋkeke kple zã me; megale edzi ko, gake mètɔ nam o." data/train/PSA/PSA_089_Verse_036.mp3,"O! Aƒetɔ, afi ka wò lɔlɔ̃ gã tsãtɔ le, wò lɔlɔ̃ si nye atam nèka na David le wò nuteƒewɔwɔ me la le?" data/train/PSA/PSA_106_Verse_029.mp3,"Tete woxɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se, eye wodzi ha kafui." data/train/PSA/PSA_025_Verse_015.mp3,"O! Yehowa, togbɔ be nye dzidada sɔ gbɔ ale gbegbe hã la, tsɔ wo kem le wò ŋkɔ la ta." data/train/PSA/PSA_114_Verse_001.mp3,"Esi Israel do go tso Egipte, esi Yakob ƒe aƒe la do go tso gbe bubu gblɔlawo dome la," data/train/PSA/PSA_017_Verse_008.mp3,"O! Yehowa, tsɔ wò asi ɖem le ame siawo tɔgbi kple xexemetɔ siawo ƒe asi me, ame siwo ƒe fetu le agbe sia me. Ètsia ame siwo nèlɔ̃ vevie la ƒe dɔwuame nu; wo viŋutsuwo kpɔ nu nyui geɖe, eye wodzraa kesinɔnuwo ɖo ɖi na wo viwo." data/train/PSA/PSA_112_Verse_000.mp3,"Ame vɔ̃ɖi akpɔe, eye dzi akui, aɖu aɖukli, avɔ le eme keŋkeŋkeŋ. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzimedidiwo azu tofloko." data/train/PSA/PSA_064_Verse_008.mp3,"Wonyrea woƒe aɖewo abe yi ene, eye wodzidzea woƒe nyawo ɖe ame dzi abe aŋutrɔ siwo nu aɖi le la ene." data/train/PSA/PSA_106_Verse_018.mp3,"ke boŋ wotsaka kple dukɔwo, eye wosrɔ̃ woƒe kɔnyinyiwo." data/train/PSA/PSA_066_Verse_005.mp3,"Etrɔ atsiaƒu wòzu anyigba ƒuƒui, wozɔ afɔ to tsi la titina; miva míatso aseye le eya amea me." data/train/PSA/PSA_108_Verse_013.mp3,"Ɖe mí, eye nàkpe ɖe mía ŋu kple wò nuɖusibɔ, be ame siwo nèlɔ̃ vevie la nakpɔ ɖeɖe." data/train/PSA/PSA_023_Verse_001.mp3,"Èɖo kplɔ̃ ɖe akɔnyeme le nye ketɔwo ƒe ŋkume. Èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gbagba." data/train/PSA/PSA_017_Verse_010.mp3,"Togbɔ be èdzro nye dzi me eye nèlé ŋku ɖe ŋunye tsitotsito le zã me; ne èdom kpɔ hã la, màkpɔ naneke le menye o. Meɖoe kplikpaa be nye nu mawɔ nu vɔ̃ o." data/train/PSA/PSA_097_Verse_000.mp3,"Dziƒowo le gbeƒã ɖem eƒe dzɔdzɔenyenye, eye dukɔwo katã kpɔ eƒe ŋutikɔkɔe." data/train/PSA/PSA_087_Verse_006.mp3,"Yehowa aŋlɔ ɖe dukɔwo ƒe agbalẽ me be, “Wodzi esia le Zion.” Sela" data/train/PSA/PSA_050_Verse_012.mp3,"Miyɔm le xaxagbe, maɖe mi, eye miade bubu ŋutinye.”" data/train/PSA/PSA_030_Verse_007.mp3,"O! Yehowa, nye Mawu, mebia kpekpeɖeŋu tso gbɔwò, eye nèyɔ dɔm." data/train/PSA/PSA_038_Verse_012.mp3,Nye abiwo ƒaƒã hele ʋeʋẽm le nye bometsitsi ƒe nu vɔ̃ ta. data/train/PSA/PSA_063_Verse_011.mp3,"Woatsɔ wo ade asi na yi, eye woazu nuɖuɖu na amegaxiwo." data/train/PSA/PSA_080_Verse_015.mp3,"Trɔ va mía gbɔ, O Mawu, Ŋusẽkatãtɔ! Do kɔ ɖa tso dziƒo, eye nàkpɔ nu! Kpɔ wainka sia ta," data/train/PSA/PSA_104_Verse_004.mp3,Edea tsi towo tso eƒe xɔ dzigbemetɔ me; eƒe dɔ ƒe kutsetse ɖia ƒo na anyigba. data/train/PSA/PSA_018_Verse_016.mp3,"Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam, eye wò nuɖusi lém ɖe te. Èbɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm." data/train/PSA/PSA_105_Verse_002.mp3,"ame siwo ƒe dzi wòtrɔ be woalé fu eƒe dukɔ la, eye woaɖo nugbe ɖe eƒe dɔlawo ŋu." data/train/PSA/PSA_045_Verse_008.mp3,"Mana woaɖo ŋku dziwò le dzidzimewo katã me, eya ta dukɔwo akafu wò tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me." data/train/PSA/PSA_025_Verse_000.mp3,"Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò la, ŋu makpee akpɔ gbeɖe o; gake ŋu akpe ame siwo nye vivimenuwɔlawo." data/train/PSA/PSA_107_Verse_012.mp3,"elabena eŋe akɔbligbowo, eye wòlã gayibɔ ƒe gametiwo me." data/train/PSA/PSA_102_Verse_006.mp3,"Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe dzudzɔ ene, eye nye ƒuwo xɔ dzo hẽe abe dzokpo ene." data/train/PSA/PSA_012_Verse_000.mp3,"Ame sia ame kaa aʋatso na ehavi, eye wovivia nu me, elabena woƒe nuyiwo blea ame." data/train/PSA/PSA_009_Verse_009.mp3,"Elabena wòe xɔ nye nya, eye nèɖe nye dzɔdzɔenyenye ɖe go. Ènɔ wò fiazikpui dzi, eye nèdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe." data/train/PSA/PSA_057_Verse_001.mp3,"Edɔ xɔnametɔ tso dziƒo, eye wòxɔ nam heka mo na ame siwo le yonyeme tim kutɔkutɔe. Sela Mawu dɔ eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nuteƒewɔwɔ ɖa." data/train/PSA/PSA_105_Verse_033.mp3,"Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi." data/train/PSA/PSA_018_Verse_003.mp3,"David, Yehowa ƒe dɔla, ƒe ha na hɛnɔ la. David dzi ha sia na Yehowa le esime wòɖee tso Saul kple eƒe futɔ bubuawo ƒe asi me. David gblɔ be: O! Yehowa, nye ŋusẽ, melɔ̃ wò." data/train/PSA/PSA_022_Verse_031.mp3,"Ɖem le dzatawo ƒe nu me, eye nàɖem le towo ƒe dzowo nu." data/train/PSA/PSA_148_Verse_013.mp3,"ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa nekafui." data/train/PSA/PSA_085_Verse_009.mp3,"O! Yehowa, ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la fia mí, eye nàna wò xɔname mí." data/train/PSA/PSA_031_Verse_004.mp3,"Ke wò, Yehowa, dzie meka ɖo; megblɔ be, “Wòe nye nye Mawu.”" data/train/PSA/PSA_077_Verse_015.mp3,"Wò mɔ to atsiaƒu me, eye wò toƒe le tɔ gãwo me, gake womekpɔa wò afɔteƒe o." data/train/PSA/PSA_069_Verse_018.mp3,"Mele vevesese kple nuxaxa me; O! Mawu, na wò xɔname natɔ kpɔ ƒo xlãm." data/train/PSA/PSA_105_Verse_040.mp3,"wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me, tso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me." data/train/PSA/PSA_086_Verse_005.mp3,"Makafu wò, O Aƒetɔ, nye Mawu, kple nye dzi blibo. Mado wò ŋkɔ ɖe dzi tegbee," data/train/PSA/PSA_062_Verse_008.mp3,"O! Nye luʋɔ, gbɔ ɖe eme le Mawu ɖeka ko me, elabena eya gbɔ nye mɔkpɔkpɔ tso." data/train/PSA/PSA_017_Verse_002.mp3,"Ke nye la, makpɔ wò ŋkume le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ hekpɔ wò nɔnɔme ko la, maɖi ƒo." data/train/PSA/PSA_091_Verse_010.mp3,"Màvɔ̃ zãmeŋɔdzi alo aŋutrɔ si le ʋɔ lũm le ŋkeke me," data/train/PSA/PSA_107_Verse_018.mp3,"Eya ta wòtsɔ wo de asi na dɔ sesẽ wɔwɔ, womu sɔgɔsɔgɔsɔgɔ, eye ame aɖeke meli akpe ɖe wo ŋu o." data/train/PSA/PSA_144_Verse_014.mp3,Woayra dukɔ si wòava eme na alea le nyateƒe me; Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa. data/train/PSA/PSA_038_Verse_016.mp3,"O! Yehowa, mègagblẽm ɖi o, O! Nye Mawu, mèganɔ adzɔge nam o." data/train/PSA/PSA_068_Verse_010.mp3,"Esi Ŋusẽkatãtɔ la kaka anyigbadzifiawo hlẽ la, enɔ abe tsikpee dza ɖe Zalmɔn dzi ene." data/train/PSA/PSA_119_Verse_149.mp3,"Wò sededewo katã nye nu si dzi woaka ɖo; kpe ɖe ŋunye, elabena amewo ti yonyeme susumanɔmetɔe." data/train/PSA/PSA_064_Verse_007.mp3,"Wodea xa hedaa aŋutrɔ ame maɖifɔ la, eye wodanɛ zi ɖeka vɔvɔ̃manɔŋutɔe." data/train/PSA/PSA_107_Verse_016.mp3,"Etrɔ tɔsisiwo wozu gbegbe kple tsidzɔƒewo wozu kuɖiɖinyigba," data/train/PSA/PSA_085_Verse_013.mp3,Ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu ɖikaa? Ɖe nàdidi wò dɔmedzoe la wòazɔ ato dzidzimewo katã mea? data/train/PSA/PSA_014_Verse_006.mp3,"Ŋɔdzi lé wo ale gbegbe, elabena Mawu le ame dzɔdzɔewo ƒe hame." data/train/PSA/PSA_037_Verse_000.mp3,"Ame dzɔdzɔe anyi anyigba la ƒe dome, eye wòanɔ edzi tegbee." data/train/PSA/PSA_102_Verse_024.mp3,"O! Yehowa, wò la èle fia ɖum tegbetegbe, eye wò ŋkɔxɔxɔ li tso dzidzime yi dzidzime." data/train/PSA/PSA_048_Verse_005.mp3,"ke esi wokpɔe la, woƒe nu ku, ŋɔdzi lé wo eye wosi dzo." data/train/PSA/PSA_107_Verse_009.mp3,"Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòyɔ dɔ wo, heɖe wo tso tsiẽƒe." data/train/PSA/PSA_098_Verse_008.mp3,"Wonedzi ha le Yehowa ŋkume, elabena eva ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la. Adrɔ̃ ʋɔnu anyigba la le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe." data/train/PSA/PSA_022_Verse_030.mp3,"Ɖe nye agbe tso yi ƒe asi me, eye ɖe nye agbe xɔasi la tso avuwo ƒe ŋusẽ me." data/train/PSA/PSA_106_Verse_012.mp3,"eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋuti, eye wònyɔ ŋu eƒe domenyinu." data/train/PSA/PSA_074_Verse_002.mp3,"Mègado toku wò futɔwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ, kple wò ketɔwo ƒe howɔwɔ si le dzi dem ɖaa la o." data/train/PSA/PSA_096_Verse_003.mp3,eye gbegbe kple emenuwo katã netso aseye. Ekema avemetiwo adzi ha atso aseye; data/train/PSA/PSA_078_Verse_030.mp3,"Etsɔ woƒe nyihawo na kpetsi, eye wòtsɔ woƒe lãhawo na dzikedzo." data/train/PSA/PSA_078_Verse_018.mp3,Ena tsi do tso agakpe me eye tsi la si bababa abe tɔsisiwo ene. data/train/PSA/PSA_140_Verse_005.mp3,"Na dzoka xɔxɔwo nadza ɖe wo dzi; wonetsɔ wo ƒu gbe ɖe dzo me kple ʋe globowo me, eye womegafɔ akpɔ gbeɖe o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_136.mp3,"Wò asi nenɔ klalo akpe ɖe ŋunye, elabena metia wò sewo." data/train/PSA/PSA_116_Verse_008.mp3,"Masa akpedavɔ na wò, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ." data/train/PSA/PSA_106_Verse_019.mp3,"Ke ekpɔ woƒe hiã la ɖa, esi wòse woƒe ɣlidodo;" data/train/PSA/PSA_022_Verse_028.mp3,"Woƒom ɖe anyi abe tsi ene, eye nye ƒuwo katã gli le woƒe kpeƒewo. Nye dzi lolõ ɖe dɔ me nam gbanaa hesi to menye." data/train/PSA/PSA_138_Verse_002.mp3,"Made ta agu do ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ, eye makafu wò ŋkɔ, le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta, elabena èkɔ, wò ŋkɔ kple wò nya gbɔ nu sia nu ta sãsãsã." data/train/PSA/PSA_023_Verse_003.mp3,"Lãnyiƒe damawo dzi wòna metsyɔ akɔ ɖo, eye wòkplɔm yi tɔʋu fafɛwo gbɔe," data/train/PSA/PSA_009_Verse_017.mp3,"Tsɔtsrɔ̃ mavɔ va futɔ la dzi, elabena èho woƒe duwo, eye womagaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã akpɔ gbeɖe o." data/train/PSA/PSA_104_Verse_016.mp3,"Ke ne èɣla wò mo la, ŋɔdzi léa wo, eye ne èxɔ woƒe gbɔgbɔ le wo si la, wokuna, trɔna zua kewɔ." data/train/PSA/PSA_009_Verse_016.mp3,"Tso, O Yehowa! Mègana amegbetɔ naɖu dzi o, na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo le ŋkuwò me." data/train/PSA/PSA_119_Verse_151.mp3,"Wò sewo gali va se ɖe egbe, elabena wòe nuwo katã subɔna." data/train/PSA/PSA_080_Verse_006.mp3,"Eɖe alɔ yi ɖe keke ƒuta ke, eye eƒe kewo yi ɖe keke Frat tɔsisi la nu ke." data/train/PSA/PSA_010_Verse_007.mp3,"Eƒe mɔwo dzea edzi nɛ nyuie ɣe sia ɣi, edoa eɖokui ɖe dzi, wò sewo didi tso egbɔ; eye wòɖoa hehe ɖe eƒe futɔwo ta." data/train/PSA/PSA_119_Verse_134.mp3,"Trɔ ɖe ŋunye, eye nàkpɔ nye nublanui abe ale si nèwɔnɛ ɖaa na ame siwo lɔ̃a wò ŋkɔ la ene." data/train/PSA/PSA_048_Verse_004.mp3,"Fiawo ƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu, hezɔ ɖe edzi ɖekae," data/train/PSA/PSA_088_Verse_005.mp3,"Ke wò, o Yehowae, mele ɣli dom na be nàxɔ nam, eye le ŋdi me la, nye gbedodoɖa neva gbɔwò." data/train/PSA/PSA_111_Verse_005.mp3,"Eɖo ɖeɖe ɖi na eƒe dukɔ, eɖo eƒe nubabla anyi tegbee, eye eƒe ŋkɔ le kɔkɔe; ŋɔdzi hã le eŋu." data/train/PSA/PSA_040_Verse_011.mp3,"O! Yehowa, mègate wo nublanuikpɔkpɔ o, ke boŋ na be wò lɔlɔ̃ kple wò nyateƒe nakpɔ tanye ɖaa," data/train/PSA/PSA_069_Verse_026.mp3,"Tawòe wodo vlom ɖo, eye ŋukpe tsyɔ mo nam." data/train/PSA/PSA_076_Verse_010.mp3,"Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu, he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi." data/train/PSA/PSA_037_Verse_007.mp3,Ame vɔ̃ɖiwo ɖo nugbe ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu heɖu aɖukli ɖe wo ŋuti. data/train/PSA/PSA_135_Verse_014.mp3,"O! Egipte, edɔ eƒe dzesiwo kple nukunuwo ɖo ɖe mía dome, ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã ŋu." data/train/PSA/PSA_086_Verse_012.mp3,"O! Mawu, dadalawo tso ɖe ŋunye, ŋutasẽlawo ƒe ha ti nye agbe yome, eye wonye ŋutsu siwo mebu wò ɖe naneke me o." data/train/PSA/PSA_086_Verse_006.mp3,O! Aƒetɔ aɖeke megale mawuawo dome abe wò ene o; nuwɔna aɖeke mesɔ kple tɔwò o. data/train/PSA/PSA_010_Verse_004.mp3,"Egblɔna na eɖokui be, “Mawu ŋlɔ be; etsɔ nu tsyɔ eƒe mo, eye mele nu kpɔm o.”" data/train/PSA/PSA_104_Verse_005.mp3,"Ena gbe mie na nyihawo, eye wòƒãa nuku na amegbetɔ be wòaxa, ale wòna nuɖuɖu do tso anyigba la me na wo;" data/train/PSA/PSA_147_Verse_014.mp3,"Mewɔ esia na dukɔ bubu aɖeke o, eye womenya eƒe sewo o. Mikafu Yehowa." data/train/PSA/PSA_105_Verse_034.mp3,"O! Eƒe dɔla Abraham ƒe dzidzimeviwo. O! Yakob ƒe viwo, ame siwo wòtia." data/train/PSA/PSA_018_Verse_005.mp3,Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime; dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo. data/train/PSA/PSA_089_Verse_023.mp3,"Makɔ eƒe asi dzi ɖe atsiaƒu dzi, eye eƒe nuɖusi ɖe tɔsisiwo dzi." data/train/PSA/PSA_022_Verse_005.mp3,"“Eka ɖe Yehowa dzi, Yehowa neɖee míakpɔ. Yehowa neɖee, elabena eƒe nu nyo eŋu.”" data/train/PSA/PSA_072_Verse_012.mp3,"Fia la nenɔ agbe tegbee! Wonetsɔ Seba sika nɛ. Amewo nedo gbe ɖa ɖe eta ɖaa, eye wòayra ŋkeke blibo la." data/train/PSA/PSA_053_Verse_006.mp3,"Ɖe ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vuvu nye dukɔ abe ale si woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Mawu o la ava srɔ̃ nu gbe aɖe gbea?" data/train/PSA/PSA_144_Verse_010.mp3,"O! Yehowa, dze wò dziƒowo ne nàɖi va, eye nàka asi towo ŋu, be woatu dzudzɔ." data/train/PSA/PSA_106_Verse_032.mp3,"Woayra ame siwo léa dzɔdzɔenyenye me ɖe asi, ame siwo wɔa nu si nyo la ɣe sia ɣi." data/train/PSA/PSA_102_Verse_013.mp3,"Le gɔmedzedzea me la, èɖo anyigba ƒe agunu anyi, eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔ." data/train/PSA/PSA_077_Verse_017.mp3,"Wose wò gbeɖeɖe le yali me, wò dzikedzo klẽ ɖe xexea me, eye anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya." data/train/PSA/PSA_038_Verse_022.mp3,"Wobɔbɔm ɖe anyi, eye woɖi gbɔ̃m, eye ŋkeke blibo la, mele yiyim le nuxaxa me." data/train/PSA/PSA_119_Verse_018.mp3,Elabena melɔ̃ wò sewo wu sika kple sika nyuitɔ. data/train/PSA/PSA_003_Verse_008.mp3,"Yehowae medo ɣli na sesĩe, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi. Sela" data/train/PSA/PSA_025_Verse_002.mp3,Ekema ame kawoe nye ŋutsu ma siwo vɔ̃a Yehowa? Afia nu wo le mɔ si woato la dzi. data/train/PSA/PSA_024_Verse_004.mp3,"David ƒe ha. Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi, xexea me kple emenɔlawo katã nye Yehowa tɔ." data/train/PSA/PSA_052_Verse_006.mp3,"O! Wò alakpaɖe, èlɔ̃ nya gbegblẽwo sɔŋ ko!" data/train/PSA/PSA_095_Verse_010.mp3,"Miva, mina míatso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye míado dzidzɔɣli ɖe míaƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu." data/train/PSA/PSA_032_Verse_010.mp3,"Woayra ŋutsu si Aƒetɔ la meɖe vodada na o, eye alakpa mele eƒe gbɔgbɔ me o." data/train/PSA/PSA_078_Verse_058.mp3,"tso alẽkplɔdɔ me, eye wòkplɔe vɛ be wòakplɔ eƒe dukɔ, Yakob kple eƒe domenyinu, Israel." data/train/PSA/PSA_092_Verse_011.mp3,"O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo lolo loo, aleke wò susuwo me goglo ale?" data/train/PSA/PSA_100_Verse_002.mp3,"Mige ɖe eƒe agbowo me kple akpedada, eƒe xɔxɔnuwo kple kafukafu; mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe eŋkɔ." data/train/PSA/PSA_110_Verse_005.mp3,"Wò aʋakɔwo alɔ̃ faa ade megbe na wò le wò aʋakpegbe. Ànɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe, si do go tso fɔŋli ƒe dɔ me ke la me, axɔ wò ɖekakpuimezãmu." data/train/PSA/PSA_068_Verse_017.mp3,"Kpɔ ɖa, Benyamin ƒe to si nye suetɔ lae le ŋgɔ na wo, Yuda ƒe dumegã gbogboawo le afi ma, eye Zebulon kple Naftali ƒe amegãwo hã le afi ma." data/train/PSA/PSA_044_Verse_013.mp3,"Míetsɔ Mawu ƒo adegbe ŋkeke blibo la, eye míakafu wò ŋkɔ tegbetegbe. Sela" data/train/PSA/PSA_018_Verse_034.mp3,"Meyɔ Yehowa le nye xaxa me; medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke, eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me." data/train/PSA/PSA_089_Verse_019.mp3,"gake nyemaxɔ nye lɔlɔ̃ le esi, alo ada le nye nuteƒewɔwɔ dzi o." data/train/PSA/PSA_010_Verse_002.mp3,"Edea xa ɖe kɔƒewo xa; ewu ame maɖifɔwo le xame, eye wòtsa ŋu na ame si wòalé le bebeme." data/train/PSA/PSA_119_Verse_076.mp3,"Meɣla wò nya ɖe nye dzi me, be nyemawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò o." data/train/PSA/PSA_050_Verse_019.mp3,Nyemeka mo na wò ɖe wò akpedavɔsa alo numevɔsa siwo le ŋkunye me ɖaa la ta o. data/train/PSA/PSA_011_Verse_004.mp3,"Esi wole gɔmeɖokpeawo gbãm la, nu ka dzɔdzɔetɔ la awɔ?”" data/train/PSA/PSA_066_Verse_018.mp3,"Woakafu Mawu, ame si medo toku nye gbedodoɖa, alo te eƒe lɔlɔ̃ ɖa le gbɔnye o!" data/train/PSA/PSA_106_Verse_015.mp3,"gake eɖe wo le eƒe ŋkɔ la ta, be wòana woanya eƒe ŋusẽ triakɔ la." data/train/PSA/PSA_036_Verse_003.mp3,"Elabena le eya ŋutɔ ŋkume, wòvivi nu me na eɖokui ale gbegbe be mete ŋu kpɔ eƒe nu vɔ̃ dze sii alo wòagbe nu le egbɔ o." data/train/PSA/PSA_031_Verse_022.mp3,"Woŋlɔm be abe ɖe meku xoxo ene, ale mezu ze gbagbã." data/train/PSA/PSA_119_Verse_116.mp3,"O! Yehowa, wò nya la nye nya mavɔ, eli ke goŋgoŋgoŋ ɖe dziƒo." data/train/PSA/PSA_018_Verse_045.mp3,"Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe, gake Yehowa nye nye kpeɖeŋutɔ." data/train/PSA/PSA_109_Verse_019.mp3,"Nunyetsolawo ado vlododo abe awu ene, eye wòata ŋukpe abe avɔ ene." data/train/PSA/PSA_108_Verse_009.mp3,"O! Mawu, ɖe menye wòe oa? Nu ka wɔ nègbe mí, eye mègadona kple míaƒe aʋakɔwo o?" data/train/PSA/PSA_140_Verse_002.mp3,"Dada tre mɔ da ɖe ɣaɣlaƒe nam, woɖo ɖɔ, keke eme da ɖi nam eye wotre azãwo da ɖe nye toƒe. Sela" data/train/PSA/PSA_119_Verse_101.mp3,"Nyemaŋlɔ wò ɖoɖowo be o, elabena èkpɔ nye agbe ta to wo dzi." data/train/PSA/PSA_056_Verse_005.mp3,"Mawu, ame si dzi meka ɖo; nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?" data/train/PSA/PSA_135_Verse_017.mp3,"O! Yehowa, wò ŋkɔ li tegbetegbe, o Yehowa, èxɔ ŋkɔ le dzidzimewo katã me." data/train/PSA/PSA_119_Verse_040.mp3,"Makafu wò le dzi dzɔdzɔe me, ne mele wò se dzɔdzɔeawo srɔ̃m." data/train/PSA/PSA_107_Verse_006.mp3,"ame siwo nu wòƒo ƒui tso anyigbawo dzi, tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe." data/train/PSA/PSA_007_Verse_014.mp3,"O! Mawu dzɔdzɔetɔ, ame si dzroa susuwo kple dziwo me, na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso, eye nàna dedinɔnɔ ame dzɔdzɔewo." data/train/PSA/PSA_094_Verse_020.mp3,"Ɖe eya ame si hea to na dukɔwo la mahe to oa? Ɖe eya ame si fiaa nu ame la, ahiã na nunya?" data/train/PSA/PSA_083_Verse_017.mp3,"Wɔ wo abe ale si nèwɔ Midian, Sisera kple Yabin le Kison tɔsisi la to ene," data/train/PSA/PSA_078_Verse_039.mp3,"Eɖo togbato ƒe ha gã aɖe ɖe wo dome, woɖu wo kple akpɔkplɔwo wogblẽ woƒe nuwo." data/train/PSA/PSA_050_Verse_003.mp3,"Dziƒo ɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, elabena Mawu ŋutɔe nye ʋɔnudrɔ̃la. Sela" data/train/PSA/PSA_007_Verse_009.mp3,"na be Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la. O! Yehowa, tso afia nam le nye dzɔdzɔenyenye ta, O! Dziƒoʋĩtɔ, tso afia nam le nye nuteƒewɔwɔ ta." data/train/PSA/PSA_073_Verse_028.mp3,"Ɖe megblɔ be, “Ale maƒo nui nye si” la, anye ne mede viwòwo asi." data/train/PSA/PSA_001_Verse_004.mp3,Mele alea na ame vɔ̃ɖi ya o! Wole abe blitsro si ya ƒona dzonae la ene. data/train/PSA/PSA_018_Verse_021.mp3,"Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui, ke ame siwo si dadaŋku le la, èɖiɖia wo ɖe anyi." data/train/PSA/PSA_042_Verse_003.mp3,"Nu siawo dzi meɖo ŋkue esi meyi ɖokuinye me. Tsã la, nyee kplɔa amehawo; menɔa ŋgɔ kplɔa wo yina ɖe gbedoxɔ me, eye dzidzɔɣli kple kafukafuhawo dea dzi le ŋkekenyuiɖulawo dome kɔtɔɔ." data/train/PSA/PSA_097_Verse_009.mp3,"Towo lolo abe yɔkumi ene le Yehowa ŋgɔ, ɛ̃, le anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋkume." data/train/PSA/PSA_092_Verse_014.mp3,"Woaɖe gbeƒã be, “Yehowae nye dzɔdzɔetɔ; eyae nye nye Agakpe, eye vɔ̃ɖinyenye aɖeke mele eme o.”" data/train/PSA/PSA_094_Verse_004.mp3,"Esi medo ɣli be, “Nye afɔ le ɖiɖim” la, wò lɔlɔ̃, O! Yehowa, de megbe nam." data/train/PSA/PSA_119_Verse_020.mp3,"Esia nye tɔnye gome, elabena mewɔa wò ɖoɖowo dzi." data/train/PSA/PSA_066_Verse_002.mp3,"Elabena O Mawu, wòe do mí kpɔ, wòe lolõ mí abe klosalo ene." data/train/PSA/PSA_050_Verse_015.mp3,"Ne èkpɔ fiafitɔ la, èwɔa ɖeka kplii, eye nèdea ha kple ahasitɔwo." data/train/PSA/PSA_119_Verse_117.mp3,"O! Yehowa, wò xɔname le dzroyem vevie ŋutɔ, elabena wò se lae nye nye dzidzɔ." data/train/PSA/PSA_069_Verse_028.mp3,"Trɔ wò dziku kɔ ɖe wo dzi, eye nàna wò dɔmedzoe helĩhelĩ nalé wo." data/train/PSA/PSA_025_Verse_003.mp3,"Ekplɔa ɖokuibɔbɔlawo to nu dzɔdzɔe wɔwɔ me, eye wòfiaa eƒe mɔ wo." data/train/PSA/PSA_104_Verse_014.mp3,"Èɖo liƒo si dzi womate ŋu adze to o la na wo, eye womagakaka axɔ anyigba dzi akpɔ gbeɖe o." data/train/PSA/PSA_025_Verse_004.mp3,"kplɔm le wò nyateƒe la me, eye nàfia num, elabena wòe nye nye Mawu kple nye Ɖela, eye nye mɔkpɔkpɔ le mewò ŋkeke blibo la katã." data/train/PSA/PSA_045_Verse_016.mp3,"Wò tugbedzedze wɔ dɔ ɖe fia la dzi ŋutɔ, eya ta de bubu eŋu, elabena eyae nye wò aƒetɔ." data/train/PSA/PSA_106_Verse_017.mp3,"Kasia woŋlɔ nu si wòwɔ la be xoxo, eye womelala xɔ aɖaŋu tso egbɔ o." data/train/PSA/PSA_044_Verse_025.mp3,"Wohe mí ƒu ke me, eye míaƒe ŋutilã lé ɖe anyigba." data/train/PSA/PSA_107_Verse_055.mp3,"Woyi dziƒo boo, eye wogadze eme le gogloƒe ke, ale le woƒe agbe ƒe xaxa me, woƒe dzideƒo lolo gbana." data/train/PSA/PSA_050_Verse_008.mp3,Mawu klẽ tso Zion le eƒe anidzedze blibo la me. data/train/PSA/PSA_034_Verse_007.mp3,"Hiãtɔ sia yɔe, eye Yehowa ɖo toe, heɖee le eƒe xaxawo katã me." data/train/PSA/PSA_142_Verse_003.mp3,"O! Yehowa, wòe mele ɣli dom na. Megblɔ be, “Wòe nye nye sitsoƒe, kple nye gome le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.”" data/train/PSA/PSA_119_Verse_053.mp3,Mefɔ le zãtitina be mada akpe na wò ɖe wò se dzɔdzɔeawo ta. data/train/PSA/PSA_140_Verse_008.mp3,"O! Yehowa, mègana ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nava eme na wo o, eye mègana woƒe ɖoɖowo nadze edzi na wo o, ne menye nenema o la, woanɔ dadam. Sela" data/train/PSA/PSA_137_Verse_006.mp3,"O! Babilonia vinyɔnu, woɖo wò ɖi na tsɔtsrɔ̃, woayra ame si aɖo nu si nèwɔ mí la teƒe na wò," data/train/PSA/PSA_080_Verse_005.mp3,"Ètsɔ wainka tso Egipte, ènya dukɔwo, eye nèdoe." data/train/PSA/PSA_119_Verse_038.mp3,"Lém ɖe te, ekema makpɔ ɖeɖe, eye ɣe sia ɣi made bubu wò sededewo ŋu." data/train/PSA/PSA_078_Verse_011.mp3,"Ekplɔ wo le dedinɔnɔ me, ale be womevɔ̃ o, gake ƒu la tsyɔ woƒe futɔwo dzi." data/train/PSA/PSA_026_Verse_009.mp3,"Nyemanɔ anyi ɖe ameblelawo dome, alo ade ha kple alakpanuwɔlawo o." data/train/PSA/PSA_063_Verse_002.mp3,"Esi wò lɔlɔ̃ nyo wu agbe ta la, nye nuyiwo ado wò ɖe dzi." data/train/PSA/PSA_027_Verse_001.mp3,"Ekema nye ta akɔ dzi agbɔ nye futɔ siwo ƒo xlãm godoo la ta; matsɔ dzidzɔɣli asa vɔ nɛ le eƒe agbadɔ kɔkɔe la me. Madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa." data/train/PSA/PSA_113_Verse_008.mp3,Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣeyiɣi si ɣe adze va se ɖe esi wòaɖo to ɖe afi si wòɖoa to ɖo. data/train/PSA/PSA_055_Verse_008.mp3,"Mawu, ame si le fiazikpui dzi tegbee la asee, eye wòabɔbɔ wo ɖe anyi, Sela ame siwo gbe tɔtrɔ le woƒe mɔwo dzi, eye womevɔ̃a Mawu o lae." data/train/PSA/PSA_018_Verse_050.mp3,"Yehowa ɖe gbe tso dziƒo, eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe." data/train/PSA/PSA_040_Verse_001.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Mele mɔ kpɔm na Yehowa le dzigbɔɖi blibo me; etrɔ ɖe ŋutinye, eye wòse nye ɣlidodo." data/train/PSA/PSA_037_Verse_023.mp3,"Ke Yehowa kpena ɖe wo ŋu, eye wòɖea wo tso dzɔgbevɔ̃e me; eɖea wo tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, eye wòkpena ɖe wo ŋu, elabena eyae wosi tso." data/train/PSA/PSA_074_Verse_020.mp3,Wotsɔ woƒe fiawo kple yiwo dza aɖaŋu siwo wowɔ ɖe gliawo ŋu. data/train/PSA/PSA_058_Verse_003.mp3,David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. Ɖe mi dziɖulawo mietoa nyateƒea? Ɖe mietsoa afia dzɔdzɔe na amewoa? data/train/PSA/PSA_044_Verse_026.mp3,ɖe Mawu manya esi wònya dzimenu ɣaɣlawo katã oa? data/train/PSA/PSA_048_Verse_014.mp3,"Zion to la kɔkɔ henya kpɔ ale gbegbe, eye wònye dzudzɔdonu na anyigba blibo la. Fia gã la ƒe du, si le abe Zafon to kɔkɔe la ene." data/train/PSA/PSA_089_Verse_032.mp3,"ne woda le nye sedede dzi, eye wogbe nye gbeɖeɖewo dzi wɔwɔ la," data/train/PSA/PSA_119_Verse_120.mp3,"O! Yehowa, wɔ nyui na wò dɔla le wò nya la nu." data/train/PSA/PSA_079_Verse_000.mp3,"Asaf ƒe ha. O! Mawu, dukɔwo nye zi ɖe wò domenyinu la dzi, wodo gu wò gbedoxɔ kɔkɔe la, eye wogbã Yerusalem wòzu anyiglagoe." data/train/PSA/PSA_059_Verse_002.mp3,"Gake mègawu wo o, O! Aƒetɔ, míaƒe akpoxɔnu, ne menye nenema o la, nye amewo aŋlɔ be. Le wò ŋusẽ me, na woatsa tsaglãla, eye nàhe wo aƒu anyi." data/train/PSA/PSA_037_Verse_033.mp3,"Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa ƒe asi me; ɖo dzi ɖe eŋu, eye awɔ esia na wò." data/train/PSA/PSA_046_Verse_008.mp3,"Tɔsisi aɖe li, esi ƒe tsiwo doa dzidzɔ na Mawu ƒe du, teƒe kɔkɔe, afi si Dziƒoʋĩtɔ la nɔna." data/train/PSA/PSA_119_Verse_017.mp3,Ekema ŋu makpem ne mebu wò sewo katã ŋu o. data/train/PSA/PSA_119_Verse_037.mp3,"Lém ɖe asi le wò ŋugbedodo la nu, ekema manɔ agbe, eye mègana ŋu nakpem le nye mɔkpɔkpɔ me o." data/train/PSA/PSA_009_Verse_019.mp3,Yehowa nye sitsoƒe na ame siwo wote ɖe anyi kple mɔ sesẽ le xaxaɣiwo. data/train/PSA/PSA_068_Verse_018.mp3,"Le wò Yerusalem gbedoxɔ ta la, fiawo atsɔ nunanawo vɛ na wò." data/train/PSA/PSA_026_Verse_006.mp3,"Meklɔ nye asiwo le fɔmaɖimaɖi me, eye meƒo xlã wò vɔsamlekpui, O! Yehowa," data/train/PSA/PSA_078_Verse_013.mp3,"Ema atsiaƒu, hekplɔ wo to emee, eye wòna tsi la tɔ dzɔ kã abe glikpɔ ene." data/train/PSA/PSA_104_Verse_008.mp3,"Etsyɔ kekeli abe avɔ ene, ehe dziƒo me abe avɔgbadɔ ene," data/train/PSA/PSA_103_Verse_017.mp3,"O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa, eye mègaŋlɔ nu nyui siwo katã wòwɔ na wò la be o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_157.mp3,"Wodo wò ŋugbedodowo katã kpɔ nyuie, eye wò dɔla lɔ̃ wo ŋutɔ." data/train/PSA/PSA_132_Verse_009.mp3,"“Mina míayi ɖe enɔƒe, mina míade ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ." data/train/PSA/PSA_143_Verse_009.mp3,"O! Yehowa, le wò ŋkɔ la ta, kpɔ nye agbe ta, le wò dzɔdzɔenyenye ta, ɖem le xaxa me." data/train/PSA/PSA_104_Verse_000.mp3,"Afi mae xeviwo wɔ woƒe atɔwo ɖo, eye aŋɔɣi wɔ eƒe nɔƒe ɖe gbotiwo me." data/train/PSA/PSA_022_Verse_004.mp3,"Dzidzimewo asubɔe, eye dzidzime siwo ava dzɔ la, woagblɔ nya na wo tso Aƒetɔ la ŋuti." data/train/PSA/PSA_106_Verse_027.mp3,"O! Yehowa, ɖo ŋku dzinye ne èle wò dukɔ la nu vem, va kpe ɖe ŋunye ne èle wo ɖem," data/train/PSA/PSA_148_Verse_002.mp3,"Ena dzo aɖe do na eƒe dukɔ, esi nye Israel, eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe kafukafu, ame siwo tsɔ ɖe eƒe dzi gbɔ. Mikafu Yehowa." data/train/PSA/PSA_016_Verse_003.mp3,"elabena màgblẽm ɖi na yɔdo alo ana wò, Kɔkɔetɔ la, nàkpɔ gbegblẽ o." data/train/PSA/PSA_078_Verse_031.mp3,"Etu eƒe kɔkɔeƒe la abe kɔkɔƒe ene, eye abe anyigba si wòli kee tegbetegbe ene." data/train/PSA/PSA_037_Verse_006.mp3,"Ame vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe yi, eye wohe woƒe dati me be woada hiãtɔ kple ame dahe aƒu anyi, eye woawu ame siwo ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka." data/train/PSA/PSA_145_Verse_005.mp3,"Gãe nye Yehowa, eye eya koe dze na kafukafu, elabena ame aɖeke mate ŋu anya eƒe gãnyenye ƒe goglome o." data/train/PSA/PSA_104_Verse_013.mp3,"Eɖo anyigba anyi ɖe eƒe gɔmeɖokpe dzi, eya ta maʋã akpɔ gbeɖe o." data/train/PSA/PSA_065_Verse_004.mp3,"Èna ŋuɖoɖo mí to dzɔdzɔenyenye ƒe ŋɔdzidɔwo me, O, Mawu míaƒe xɔnametɔ, anyigba ƒe mlɔenu ke, kple atsiaƒu siwo le didiƒe ke la katã ƒe mɔkpɔkpɔ." data/train/PSA/PSA_086_Verse_008.mp3,"O! Aƒetɔ, ènyo, eye nètsɔna kena, lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa wò." data/train/PSA/PSA_063_Verse_004.mp3,"Le nye aba dzi, meɖoa ŋku dziwò, mebua ŋutiwò le nye ŋunɔɣi le zã me." data/train/PSA/PSA_024_Verse_005.mp3,"Elabena eɖoe anyi ɖe atsiaƒu dzi, eye wòɖo egɔme anyi ɖe tɔsisiwo dzi gli." data/train/PSA/PSA_119_Verse_097.mp3,Nye gbedodoɖawo nede gbɔwò; ɖem le wò ŋugbedodo la ta. data/train/PSA/PSA_101_Verse_003.mp3,"Made ga nu na ame si ƒo ɖi ehavi ƒe ŋkɔ le bebeme, eye ame si ŋku gã le esi eye wòdana le dzi me la, eya nyematɔ ɖe egbɔ o." data/train/PSA/PSA_103_Verse_020.mp3,"Yehowa kpɔa nublanui, eye wòvea ame nu, medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi." data/train/PSA/PSA_132_Verse_008.mp3,"Míesee le Efrata, eye míedo goe le Yaar gbegbe be," data/train/PSA/PSA_016_Verse_001.mp3,"Ame siwo ati mawu tutɔwo yome la, adzi woƒe vevesesewo ɖe edzi. Nyemasa woƒe ʋuvɔsawo na mawu mawo, alo ayɔ woƒe ŋkɔwo o." data/train/PSA/PSA_017_Verse_011.mp3,"Wodo afɔ nam, eye azɔ la, woɖe to ɖem, woƒe ŋkuwo le te ne woaxlãm ɖe anyigba." data/train/PSA/PSA_049_Verse_018.mp3,"Togbɔ be ebu eɖokui ame si woyra, eye amewo kafui esi nu le edzi dzem nɛ hã la," data/train/PSA/PSA_066_Verse_020.mp3,"Ɖe mena nɔƒe nu vɔ̃ le nye dzi me la, ne Aƒetɔ la meɖo tom o," data/train/PSA/PSA_012_Verse_003.mp3,"Kpɔtsɔtsɔ mele Yehowa ƒe nyawo ŋuti o, wole abe klosalo si wololo le anyikpo me, eye wòdza zi gbɔ zi adre la ene." data/train/PSA/PSA_106_Verse_009.mp3,"Etsɔ wo de asi na dukɔwo, eye woƒe futɔwo ɖu fia ɖe wo dzi." data/train/PSA/PSA_040_Verse_002.mp3,"Ehem do goe tso ʋe dziŋɔ me, eye wòɖem tso ba finyafinya me, hetsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòna meli ke ɖe afi si metɔ ɖo." data/train/PSA/PSA_119_Verse_089.mp3,"Nu siwo nèɖo anyi hã la le dzɔdzɔe, woaka ɖe wo dzi ɖikeke manɔmee." data/train/PSA/PSA_037_Verse_038.mp3,"Ŋutsu si ƒe mɔwo dze Yehowa ŋu la, elia ke eƒe afɔɖeɖewo;" data/train/PSA/PSA_027_Verse_013.mp3,"Togbɔ be aʋakɔ gã aɖe ɖe to ɖem hã la, nye dzi mavɔ̃ o, togbɔ be wodze aʋa ɖe ŋunye hã la, azɔ koŋ dzi aɖo ƒonye." data/train/PSA/PSA_033_Verse_006.mp3,"eya ame si wɔ ame sia ame ƒe dzi, eye wòléa ŋku ɖe nu sia nu si wowɔna la ŋu." data/train/PSA/PSA_115_Verse_005.mp3,"gake woawo ya ƒe legbawo nye klosalo kple sika, eye amegbetɔ ƒe asiwoe wɔ wo," data/train/PSA/PSA_064_Verse_000.mp3,"Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ le Yehowa me, eye wòasii atso. Ame siwo katã dza le woƒe dzi me la akafui!" data/train/PSA/PSA_105_Verse_018.mp3,"Eƒo nu, eye ʋetsuviwo va ƒo ɖi, nenema kee nye abɔ gbogbo aɖewo hã;" data/train/PSA/PSA_080_Verse_001.mp3,"Èdzra eŋuti ɖo nyuie, eye wòto ke hevu tsyɔ anyigba." data/train/PSA/PSA_027_Verse_010.mp3,"O! Yehowa, fia wò mɔwom; kplɔm to mɔ dzɔdzɔe dzi, le ame siwo tem ɖe to la ta." data/train/PSA/PSA_048_Verse_007.mp3,"Mawu le eƒe fiasãwo me, eye wòɖe eɖokui fia abe eƒe mɔ sesẽ ene." data/train/PSA/PSA_069_Verse_006.mp3,"elabena Mawu aɖe Zion, eye wòagbugbɔ Yuda ƒe duwo atso. Ekema amewo aɖanɔ afi ma, axɔe wòazu wo tɔ;" data/train/PSA/PSA_139_Verse_023.mp3,"wò ŋkuwo kpɔ ale si menye ʋukɔe. Ŋkeke siwo katã woɖo nam la, woŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me hafi ŋkeke gbãtɔ dze egɔme." data/train/PSA/PSA_035_Verse_020.mp3,"Tso, tsɔ akpoxɔnu kple wò akɔtatsyɔnu, eye nàxɔ nam." data/train/PSA/PSA_122_Verse_005.mp3,"Mido gbe ɖa, abia ŋutifafa na Yerusalem be, “Ame siwo lɔ̃ wò la nenɔ dedie." data/train/PSA/PSA_071_Verse_002.mp3,"Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, wòe nye nye mɔkpɔkpɔ kple nye dzideƒo tso nye ɖekakpuime ke, O! Aƒetɔ Yehowa." data/train/PSA/PSA_010_Verse_013.mp3,"O! Yehowa, èse hiãtɔwo ƒe didi; ède dzi ƒo na wo, eye nèɖo to woƒe ɣlidodo." data/train/PSA/PSA_091_Verse_015.mp3,"Yehowa be, “Maɖee, elabena elɔ̃m, madzɔ eŋu, elabena enya nye ŋkɔ." data/train/PSA/PSA_063_Verse_008.mp3,"Nye luʋɔ ku ɖe ŋuwò goŋgoŋgoŋ, eye wò ɖusibɔ lém ɖe te." data/train/PSA/PSA_147_Verse_016.mp3,"Mikafu Yehowa. Aleke mehenyoe be woadzi kafukafuha na míaƒe Mawu la o! Aleke wòhevivina, eye wòdze be woakafui!" data/train/PSA/PSA_119_Verse_145.mp3,"Wò nyawo katã nye nyateƒe, eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe sewo katã nye se mavɔwo." data/train/PSA/PSA_102_Verse_018.mp3,"Mele ŋu le aba dzi, eye mele abe xevi si tsi akogo le xɔ tame ene." data/train/PSA/PSA_083_Verse_016.mp3,"Wotsɔ tameɖoɖo ɖeka de adaŋu, eye wobla ɖe ŋuwò," data/train/PSA/PSA_069_Verse_033.mp3,Woƒe nɔƒe neɖi gbɔlo; mègana be ame aɖeke neganɔ woƒe agbadɔwo me o. data/train/PSA/PSA_018_Verse_015.mp3,"Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ, eye metsrɔ̃ nye futɔwo." data/train/PSA/PSA_017_Verse_003.mp3,"Kpɔ tanye abe wò ŋku ƒe gadaglamakui ene, eye nàɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te," data/train/PSA/PSA_017_Verse_006.mp3,"Nye afɔɖeɖewo li ɖe wò toƒewo, eye nye afɔ meɖiɖi o." data/train/PSA/PSA_109_Verse_021.mp3,"O! Yehowa, wonenya be to wò asi dzie nèwɔ esia." data/train/PSA/PSA_037_Verse_036.mp3,Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò ekema ana nu siwo wò dzi di la wò. data/train/PSA/PSA_132_Verse_013.mp3,"Nyemana nye ŋkuwo nadɔ alɔ̃, alo nye aɖaba nadɔ akɔlɔ̃e o," data/train/PSA/PSA_119_Verse_147.mp3,"Wò sededewo doa dzidzɔ nam, elabena melɔ̃a wo." data/train/PSA/PSA_074_Verse_014.mp3,"Wòe tsɔ wò ŋusẽ ma atsiaƒu, eye nègbã tɔmelã dziŋɔwo ƒe ta le tsiwo me." data/train/PSA/PSA_008_Verse_001.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu. O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ, aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale! Èɖo wò ŋutikɔkɔe anyi ɖe dziƒowo tame." data/train/PSA/PSA_037_Verse_034.mp3,"Woatsrɔ̃ ame vlowo gake ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de Yehowa me la, anyi anyigba la ƒe dome." data/train/PSA/PSA_071_Verse_014.mp3,"O! Mawu; tso nye ɖekakpuime ke, nèfia num, eye va se ɖe egbe la, mele gbeƒã ɖem wò nu dzɔatsuwo." data/train/PSA/PSA_018_Verse_043.mp3,"Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo, gake ame aɖeke mexɔ na wo o, elabena Yehowa metɔ na wo o." data/train/PSA/PSA_091_Verse_001.mp3,Ame si nɔ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe la agbɔ ɖe eme le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te. data/train/PSA/PSA_103_Verse_005.mp3,"Amegbetɔ ƒe ŋkekewo le abe gbe ene, edzena abe seƒoƒo le gbedzi ene;" data/train/PSA/PSA_091_Verse_016.mp3,"Ɖeko nàkpɔe kple wò ŋkuwo, eye àkpɔ ale si woahe to na ame vɔ̃ɖiwoe." data/train/PSA/PSA_026_Verse_001.mp3,"David ƒa ha. O! Yehowa, tso afia nam, elabena menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o. Meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã kpɔ gbeɖe o." data/train/PSA/PSA_107_Verse_030.mp3,"Tete wodo ɣli yɔ Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me." data/train/PSA/PSA_058_Verse_006.mp3,"Hafi miaƒe zewo nase ŋutidzo si wodo ɖe wo te ŋkɔ, eɖanye mumua, alo ƒuƒua o, woakplɔ ame vɔ̃ɖi la adzoe." data/train/PSA/PSA_010_Verse_018.mp3,Ŋe abɔ na ame vɔ̃ɖi kple nu tovo wɔla; yɔe ne wòana akɔnta tso nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔ ame aɖeke mekpɔe o la ŋuti. data/train/PSA/PSA_069_Verse_036.mp3,"Ɖem tso agbi me, mègana mayi to o, ɖem le ame siwo lé fum la ƒe asi me, tso tɔ goglowo me." data/train/PSA/PSA_091_Verse_002.mp3,"Atsɔ eƒe fuwo atsyɔ dziwò, àkpɔ sitsoƒe le eƒe aʋala te, eye eƒe nuteƒewɔwɔ anye wò akpoxɔnu kple mɔxenu aƒo xlã wò." data/train/PSA/PSA_119_Verse_034.mp3,"Kpɔ nye hiãtuame ɖa, eye nàɖem, elabena nyemeŋlɔ wò se la be o." data/train/PSA/PSA_135_Verse_009.mp3,"Menya be Yehowa lolo, eye míaƒe Aƒetɔ la lolo wu mawuwo katã." data/train/PSA/PSA_028_Verse_005.mp3,"Woakafu Yehowa, elabena ese ɣli si dom mele le nublanuikpɔkpɔ biam." data/train/PSA/PSA_023_Verse_004.mp3,"Ne mezɔ to ku ƒe balime si do viviti tsiɖitsiɖi hã la, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye, eye wò lãkplɔti kple atikplɔ faa akɔ nam." data/train/PSA/PSA_049_Verse_012.mp3,"mi ame dzodzrowo kple amegãwo, ame dahewo kple kesinɔtɔwo siaa." data/train/PSA/PSA_124_Verse_003.mp3,"eye woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu la, anye ne womi mí agbagbee," data/train/PSA/PSA_035_Verse_010.mp3,"Mègana ame siwo nye nye futɔwo la nakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋunye yakatɔe o, eye mègana ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la nate ŋku ɖem kple vevesese o." data/train/PSA/PSA_059_Verse_005.mp3,"Kpɔ nu si wotu tso woƒe nu me la ɖa, wotu nyawo tso woƒe nuyiwo me le gbɔgblɔm be, “Ame ka ate ŋu aɖo to mí?”" data/train/PSA/PSA_135_Verse_019.mp3,"to li na wo, gake womesea nu loo, alo gbɔna to woƒe nu me o." data/train/PSA/PSA_107_Verse_031.mp3,"Tete wozu ʋɛ, wobɔbɔ wo ɖe anyi le teteɖeanyi, dzɔgbevɔ̃e kple nuxaxa me;" data/train/PSA/PSA_029_Verse_009.mp3,"Yehowa ƒe gbe ɖi le tsiwo dzi; Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe gbe, eye Yehowa ɖe gbe le tsi gãwo dzi." data/train/PSA/PSA_119_Verse_057.mp3,"Meke nu ɖe te hele gbɔgbɔm fuxefuxe, le wò sewo dim vevie." data/train/PSA/PSA_077_Verse_020.mp3,Ɖe Mawu ŋlɔ nublanuikpɔkpɔ bea? Ɖe wòɖo asi eƒe dɔmenyonyo dzi le dɔmedzoe ta?” Sela data/train/PSA/PSA_096_Verse_006.mp3,"Migblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowae le fia ɖum.” Eɖo xexea me gɔme anyi goŋgoŋgoŋ, mate ŋu aʋã o; eye adrɔ̃ ʋɔnu amewo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe." data/train/PSA/PSA_089_Verse_013.mp3,"Èna eƒe ŋutikɔkɔe wu enu, eye nètsɔ eƒe fiazikpui ƒu gbe ɖe anyigba." data/train/PSA/PSA_034_Verse_016.mp3,"Miɖɔe kpɔ, ne miakpɔe be Yehowa ƒe dɔ me nyo; woayra ŋutsu si be ɖe eya amea me." data/train/PSA/PSA_014_Verse_004.mp3,"Wo katã wodze ɖe aga, wo katã tim wogblẽ; ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o, ɖeka pɛ gɔ̃ hã meli o." data/train/PSA/PSA_101_Verse_002.mp3,"David ƒe ha. O! Yehowa, madzi ha le wò lɔlɔ̃ kple afia nyui tsotso ŋuti, eye madzi kafukafuha na wò." data/train/PSA/PSA_034_Verse_011.mp3,Mido kɔkɔ Yehowa kplim; mina míawɔ ɖeka ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi. data/train/PSA/PSA_105_Verse_023.mp3,"Fia la dɔ ame woyi ɖaɖee le game, eye dukɔ la dziɖula na ablɔɖee." data/train/PSA/PSA_049_Verse_007.mp3,"elabena ne eku la, matsɔ naneke ɖe asi o, eƒe atsyɔ̃ gɔ̃ hã mayi yɔ me kplii o." data/train/PSA/PSA_036_Verse_004.mp3,"Eƒe numenyawo vɔ̃ɖi, henye beble sɔŋ, eye wòdzudzɔ nuwɔwɔ ɖe nunya me kple nu nyui wɔwɔ." data/train/PSA/PSA_149_Verse_007.mp3,"ne woawɔ fɔ si wobu wo, woŋlɔ da ɖi ɖe wo ŋu la dzi. Esia nye eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe ŋutikɔkɔe. Mikafu Yehowa." data/train/PSA/PSA_033_Verse_018.mp3,"Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa, ame siwo wòtia be woanyi yeƒe dome." data/train/PSA/PSA_089_Verse_047.mp3,"Wòe ɖu atsiaƒu ƒe agbodzedze dzi, ne ƒutsotsoewo le dzi dem la, ènana wodzea akɔ anyi." data/train/PSA/PSA_058_Verse_009.mp3,"Wo nu neyi abe tsi si si va yi la ene. Ne wovu woƒe dawo me la, woƒe aŋutrɔwo nu netsi." data/train/PSA/PSA_118_Verse_022.mp3,"Woɖe to ɖem, gake le Yehowa ƒe ŋkɔ me, metsrɔ̃ wo katã." data/train/PSA/PSA_090_Verse_003.mp3,"Elabena ƒe akpewo le ŋkuwò me le abe etsɔ ŋkeke si va yi la ene, alo abe ŋudzɔɣi le zã me ene." data/train/PSA/PSA_037_Verse_032.mp3,"Tsri nu vɔ̃ɖi, eye nàwɔ nyui ekema ànɔ anyigba dzi tegbetegbe." data/train/PSA/PSA_142_Verse_000.mp3,"David ƒe nufiameha esi wònɔ agado me. Gbedodoɖa. Medo ɣli na Yehowa sesĩe, eye mekɔ nye gbe dzi na Yehowa be wòakpɔ nye nublanui." data/train/PSA/PSA_130_Verse_004.mp3,Nye luʋɔ le lalam na Aƒetɔ la wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke; mebe wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke. data/train/PSA/PSA_109_Verse_030.mp3,"Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam, eye wotsɔ fuléle ɖo nye lɔlɔ̃ teƒe." data/train/PSA/PSA_132_Verse_007.mp3,"Matsɔ ŋukpe ado na eƒe futɔwo, ke fiakuku si anɔ eƒe ta la, anɔ keklẽm.”" data/train/PSA/PSA_044_Verse_007.mp3,"Gake ègbã mí gudugudu hegble mí ɖe amegaxiwo dome, eye nètsɔ viviti tsiɖitsiɖi tsyɔ mía dzi." data/train/PSA/PSA_104_Verse_006.mp3,"Ena tsitsetsewo kɔ ɖe agawo me, eye wosi to towo dome." data/train/PSA/PSA_024_Verse_000.mp3,Ame kae alia Yehowa ƒe togbɛ? Ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la? data/train/PSA/PSA_066_Verse_014.mp3,"Miva se, mí ame siwo katã vɔ̃a Mawu; mina magblɔ nu siwo wòwɔ nam la na mi." data/train/PSA/PSA_078_Verse_012.mp3,"elabena womexɔ Mawu dzi se, alo ka ɖe eƒe xɔname dzi o." data/train/PSA/PSA_076_Verse_005.mp3,"Keklẽ geɖe ƒo xlã wò, eye nènya kpɔ sãsãsã wu to siwo me adelã le fũu la." data/train/PSA/PSA_025_Verse_021.mp3,"Yehowa nyo, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe, eya ta efiaa eƒe mɔ nu vɔ̃ wɔlawo." data/train/PSA/PSA_050_Verse_001.mp3,"Asaf ƒe ha. Mawu ŋusẽtɔ, Yehowa ƒo nu heyɔ takpekpe na anyigba la tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to." data/train/PSA/PSA_089_Verse_039.mp3,O! Yehowa va se ɖe ɣe ka ɣie? Ɖe nàɣla ɖokuiwò tegbea? Ɣe ka ɣi wò dziku abi abe dzo ene ase ɖo? data/train/PSA/PSA_061_Verse_004.mp3,"Medi vevie be manɔ wò agbadɔ me tegbee, eye mabe ɖe wò aʋala ƒe fafaƒe. Sela" data/train/PSA/PSA_018_Verse_023.mp3,"Eɖem tso nye futɔ ŋusẽtɔwo ƒe asi me, tso nye ketɔwo ƒe asi me, ame siwo sesẽ wum akpa la ƒe asi me." data/train/PSA/PSA_090_Verse_012.mp3,Na woaɖe wò dɔwɔwɔwo afia wò dɔlawo kple wò atsyɔ̃ afia wo viwo. data/train/PSA/PSA_039_Verse_009.mp3,"“O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu nede to me na wò; mègado toku nye avifafa o. Amedzro kple mɔzɔla menye le gbɔwò abe ale si fofonyewo katã nɔ ene." data/train/PSA/PSA_044_Verse_001.mp3,"Èna míegbugbɔ ɖe megbe le míaƒe futɔwo ŋgɔ, eye míaƒe ketɔwo ha mí." data/train/PSA/PSA_105_Verse_004.mp3,"Edɔ Mose, eƒe dɔla kple Aron, eƒe ame tiatia ɖa." data/train/PSA/PSA_104_Verse_029.mp3,"Wode tsi Yehowa ƒe atiawo nyuie, Lebanon ƒe sedati siwo wòdo." data/train/PSA/PSA_103_Verse_004.mp3,"Ame si ɖea wò agbe tso ʋe me, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ɖɔna na wò." data/train/PSA/PSA_118_Verse_020.mp3,"Wotu asim do ɖe megbe, eye medze anyi kloe, gake Yehowa xɔ nam." data/train/PSA/PSA_114_Verse_008.mp3,"Yuda zu Mawu ƒe kɔkɔeƒe, eye Israel zu eƒe fiaɖuƒe." data/train/PSA/PSA_071_Verse_003.mp3,"Ke nye ya la, mɔkpɔkpɔ anɔ asinye ɖaa, eye makafu wò, agakafu wò ɖe edzi." data/train/PSA/PSA_022_Verse_025.mp3,"Wòe nye nye Mawu tso danye ƒe dɔ me ke, eye tso ɖevime wotsɔm de asi na wò." data/train/PSA/PSA_059_Verse_011.mp3,"O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Israel ƒe Mawu, nyɔ nàhe to na dukɔwo, mègakpɔ nublanui na ametatrɔla vɔ̃ɖi siawo o. Sela" data/train/PSA/PSA_102_Verse_016.mp3,"Mègaɣla wò ŋkume ɖem, ne mele xaxa me o. Trɔ wò to ɖe gbɔnye, eye ne meyɔ wò la, nàtɔ nam kaba." data/train/PSA/PSA_044_Verse_017.mp3,"Nye vlododo le ŋkunye me ŋkeke blibo la, eye ŋukpe tsyɔa mo nam," data/train/PSA/PSA_014_Verse_007.mp3,"Ɖe nu tovo wɔlawo, ame siwo ɖua nye amewo abe abolo ene, eye womeyɔa Yehowa o la manya esia oa?" data/train/PSA/PSA_057_Verse_002.mp3,"elabena wò lɔlɔ̃ keke ta, yi ɖatɔ dziƒo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli." data/train/PSA/PSA_049_Verse_015.mp3,"Nye nu agblɔ nunya ƒe nyawo, eye nya siwo ado tso nye dzi me la ahe gɔmesese vɛ." data/train/PSA/PSA_071_Verse_015.mp3,"O! Mawu, wò dzɔdzɔenyenye yi ɖatɔ dziŋgɔli ke, wò ame si wɔ nu dzɔatsu geɖewo. O! Mawu, ame kae le abe wò ene?" data/train/PSA/PSA_094_Verse_018.mp3,"Wowɔa ɖeka ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu, eye wotsoa kufia na ame maɖifɔ." data/train/PSA/PSA_097_Verse_007.mp3,"O! Yehowa, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba la katã dzi, eye wodo wò ɖe dzi gbɔ mawuwo katã ta sãsãsã." data/train/PSA/PSA_084_Verse_001.mp3,"Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu. O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò nɔƒe dzeani loo!" data/train/PSA/PSA_106_Verse_041.mp3,Wotsɔ woƒe Ŋutikɔkɔe ɖɔli nyitsu si ɖua gbe. data/train/PSA/PSA_124_Verse_000.mp3,"anye ne tsi ɖe mí hesi to mía dzi," data/train/PSA/PSA_096_Verse_002.mp3,"Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ; ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã." data/train/PSA/PSA_026_Verse_004.mp3,"Ke nye la, menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, eya ta ɖem, eye nàkpɔ nublanui nam." data/train/PSA/PSA_040_Verse_006.mp3,"Ke ame siwo katã dia wò la akpɔ dzidzɔ, eye woatso aseye akpɔ dzidzɔ le mewò. Ame siwo lɔ̃a wò ɖeɖe la negblɔ ɖaa be, “Mido Yehowa ɖe dzi!”" data/train/PSA/PSA_106_Verse_004.mp3,"Dzo va fia wo yomedzelawo, eye dzo ƒe aɖewo fia ame vɔ̃ɖiawo." data/train/PSA/PSA_033_Verse_019.mp3,"Yehowa bi kɔ tso dziƒo ke, eye wòkpɔ amegbetɔviwo katã." data/train/PSA/PSA_139_Verse_019.mp3,"O! Yehowa, ɖe nyemelé fu ame siwo lé fu wò, eye menyɔ ŋu ame siwo tso ɖe ŋuwò oa?" data/train/PSA/PSA_137_Verse_007.mp3,"O! Yehowa, ɖo ŋku nu si Edomtɔwo wɔ la dzi, gbe si gbe wogbã Yerusalem. Wodo ɣli be, “Mimui ƒu anyi, migbãe, va se ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi ke!”" data/train/PSA/PSA_030_Verse_001.mp3,"David ƒe ha na gbedoxɔ la ŋutikɔkɔ. O! Yehowa, mado wò ɖe dzi, elabena wòe hem do goe tso ʋe globo me, eye mèna mezu nu ɖikokoe na nye futɔwo o." data/train/PSA/PSA_025_Verse_006.mp3,"Kpɔ nye agbe ta, eye nàɖem; megana ŋu nakpem o, elabena mewòe mebe ɖo." data/train/PSA/PSA_031_Verse_006.mp3,"Le wò ŋkɔ la ta, kplɔm, eye nàfia mɔm, elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ." data/train/PSA/PSA_030_Verse_004.mp3,"Esi mekpɔ be meli ke la, megblɔ be, “Nye la, nyemaʋuʋu kpɔ gbeɖe o.”" data/train/PSA/PSA_135_Verse_002.mp3,"Elabena Yehowa atso afia na eƒe dukɔ, eye wòakpɔ nublanui na eƒe dɔlawo." data/train/PSA/PSA_037_Verse_005.mp3,"Ame vɔ̃ɖiwo de xa ɖi na ame dzɔdzɔewo, eye wole woƒe ku dim;" data/train/PSA/PSA_034_Verse_003.mp3,"David ƒe ha. Ekpa ha sia esime wòdo aɖaʋatɔ eɖokui le Abimelek ŋkume, eye wònyae wòdzo. Mado Yehowa ɖe dzi ɣe sia ɣi; eye eƒe kafukafu anɔ nye nu me ɖaa." data/train/PSA/PSA_048_Verse_008.mp3,"Mizɔ Zion to la ŋu godoo, mizɔ ƒo xlãe, eye mixlẽ eƒe xɔ tsralawo," data/train/PSA/PSA_129_Verse_003.mp3,"gake Yehowa nye dzɔdzɔetɔ, etso kam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe babla me.”" data/train/PSA/PSA_018_Verse_031.mp3,"Metsrɔ̃ wo be womagate ŋu afɔ gbeɖe o, ale wodze anyi ɖe nye afɔ nu." data/train/PSA/PSA_021_Verse_004.mp3,"Elabena fia la ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye le Dziƒoʋĩtɔ la ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o ta la, mavɔ̃ akpɔ gbeɖe o." data/train/PSA/PSA_115_Verse_015.mp3,"to li na wo, gake womesea nu o, ŋɔti li na wo, gake womeʋẽa nu sena o;" data/train/PSA/PSA_077_Verse_005.mp3,"Lilikpo ɖuɖu tsi bababa, dziŋgɔli ɖe gbe, eye wò aŋutrɔwo klẽ dzo bibibi, yi gagbɔ." data/train/PSA/PSA_062_Verse_007.mp3,"O! Mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣe sia ɣi; mitsɔ miaƒe hiahiãwo kɔ ɖe edzi, elabena Mawue nye míaƒe sitsoƒe. Sela" data/train/PSA/PSA_038_Verse_005.mp3,"elabena wò aŋutrɔwo ƒo ɖem, eye wò asi sẽ ɖe dzinye." data/train/PSA/PSA_139_Verse_018.mp3,"O! Yehowa, hafi nya aɖe nava nye aɖe dzi la, ènya nya la katã xoxo." data/train/PSA/PSA_119_Verse_084.mp3,Na mase wò sewo ƒe nufiafia gɔme; ekema made ŋugble le wò nukunuwo ŋu. data/train/PSA/PSA_102_Verse_011.mp3,"Ke wò la àtso, akpɔ nublanui na Zion, elabena ɣeyiɣi de be nàve enu, ɛ̃, ɣeyiɣi ɖoɖi la de." data/train/PSA/PSA_039_Verse_004.mp3,"Èwɔ nye ŋkekewo wole abe asi ƒe kekeme ko ene, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le abe ƒuƒu ko ene. Sela" data/train/PSA/PSA_074_Verse_022.mp3,"Ŋkeke nye tɔwò, eye zã hã tɔwòe; wòe wɔ ɣe kple ɣleti." data/train/PSA/PSA_141_Verse_008.mp3,"Woagblɔ be, “Abe ale si ame ŋlɔa nu hedzoboa anyigbae ene la, nenemae woakaka míaƒe ƒuwoe ɖe yɔdowo nu.”" data/train/PSA/PSA_002_Verse_006.mp3,"“Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.”" data/train/PSA/PSA_089_Verse_051.mp3,"Ɖo ŋku ale si nye agbe le du dzii la dzi. Tofloko kae nye si, nèwɔ amegbetɔviwo na!" data/train/PSA/PSA_078_Verse_065.mp3,"Woƒe dziwo meku ɖe eŋu vavã o, eye womewɔ eƒe nubabla dzi le nyateƒe me o." data/train/PSA/PSA_043_Verse_002.mp3,"O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu." data/train/PSA/PSA_088_Verse_015.mp3,"Woɖem ɖe aga da ɖe ame kukuwo dome, eye mele abe ame siwo wowu wole yɔdo me la ene, ame siwo dzi miagaɖo ŋkui o, eye woɖe wo ɖa le wò dzikpɔkpɔ te." data/train/PSA/PSA_050_Verse_021.mp3,"“See, o nye dukɔ, mele nu ƒo ge, O! Israel, maɖu ɖasefo ɖe ŋuwò, elabena nyee nye Mawu, wò Mawu la." data/train/PSA/PSA_041_Verse_012.mp3,"Yehowa adzɔ eŋu, eye wòakpɔ eƒe agbe ta. Yehowa ayrae le anyigba dzi, eye matsɔe ade asi na eƒe futɔwo ƒe didi o." data/train/PSA/PSA_033_Verse_016.mp3,"O! Yehowa, na wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la, nanɔ mía dzi abe ale si míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò ene." data/train/PSA/PSA_042_Verse_010.mp3,"Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu. Ɣe ka ɣi mayi aɖado go Mawu?" data/train/PSA/PSA_031_Verse_000.mp3,"Asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ de, eya ta Yehowa, nyateƒe ƒe Mawu, va nàɖem." data/train/PSA/PSA_109_Verse_011.mp3,Eƒe ŋkekewo nenɔ ʋɛ eye ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ. data/train/PSA/PSA_005_Verse_002.mp3,"Fianye kple Mawunye, ɖo to nye ɣlidodo, elabena wòe mele gbe dom ɖa na." data/train/PSA/PSA_050_Verse_018.mp3,"Nyemehiã nyitsu tso wò nyikpo me, alo gbɔ̃wo tso wò gbɔ̃kpo me o," data/train/PSA/PSA_114_Verse_000.mp3,"Atsiaƒu kpɔe, eye wòsi dzo, Yɔdan tɔsisi hã te yi megbe." data/train/PSA/PSA_041_Verse_003.mp3,"Megblɔ be, “O! Yehowa, kpɔ nublanui nam, yɔ dɔm, elabena mewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò.”" data/train/PSA/PSA_105_Verse_024.mp3,"ke edɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Yosef, ame si wodzra abe kluvi ene la ɖe wo ŋgɔ." data/train/PSA/PSA_146_Verse_009.mp3,"Yehowa le fia ɖum tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. O! Zion, wò Mawu la aɖu fia le dzidzimewo katã me. Mikafu Yehowa." data/train/PSA/PSA_118_Verse_004.mp3,"Enyo be woatsɔ Yehowa awɔ sitsoƒee wu, be woaɖo ŋu ɖe amegbetɔ ŋu." data/train/PSA/PSA_092_Verse_001.mp3,"Ame dzɔdzɔewo atsi abe ale si deti tsinae ene, woatsi akɔ abe Lebanon ƒe sedati ene;" data/train/PSA/PSA_080_Verse_009.mp3,"Nu ka ŋuti nègbã kpɔ le eŋu, ale be ame siwo to afi ma yi la fɔ wain tsetsewo?" data/train/PSA/PSA_085_Verse_007.mp3,"Nuteƒewɔwɔ mie tso anyigba me, eye dzɔdzɔenyenye do mo ɖa kpɔ anyigba tso dziƒo." data/train/PSA/PSA_119_Verse_058.mp3,"Mekpe fu geɖe, eya ta o Yehowa, kpɔ nye agbe ta, le wò nya la nu." data/train/PSA/PSA_119_Verse_112.mp3,"O! Yehowa, nye ɣlidodo nede gbɔwò, tsɔ gɔmesese nam le wò nya la nu." data/train/PSA/PSA_129_Verse_006.mp3,"Na be woanɔ abe gbe si wotsɔ gbã xɔe ene, gbe si yrɔna, hafi ayi miemie ge." data/train/PSA/PSA_075_Verse_005.mp3,"Kplu aɖe le Yehowa ƒe asi me, wain si lɔ fu ɖe nu, eye wotsɔ nu ʋeʋĩ tɔtɔe la le eme; ekui na ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi, wonoe, no ahaƒã si le egɔme la hã ƒiaƒiaƒia." data/train/PSA/PSA_078_Verse_060.mp3,"Womeɖo ŋku eƒe ŋusẽ dzi, gbe si gbe wòɖe wo tso ŋutasẽla ƒe asi me," data/train/PSA/PSA_089_Verse_014.mp3,"Ète fli ɖe nu si nèbla kple wò dɔla me, eye nèdo gu eƒe fiakuku, tsɔe ƒu gbe ɖe ke me." data/train/PSA/PSA_105_Verse_015.mp3,"Etsɔe ɖo amegãe ɖe eƒe aƒe nu, eye wònye eƒe nunɔamesiwo katã dzikpɔla," data/train/PSA/PSA_110_Verse_002.mp3,"Aƒetɔ la le wò nuɖusime, agbã fiawo nyanyanya le eƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi." data/train/PSA/PSA_022_Verse_027.mp3,"Woma nye awuwo na wo nɔewo, eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi." data/train/PSA/PSA_080_Verse_016.mp3,"Wò asi nenɔ ŋutsu si le wò nuɖusime, amegbetɔvi si nènyi na ɖokuiwò la dzi." data/train/PSA/PSA_044_Verse_011.mp3,"Korah ƒe viwo ƒe nufiameha na hɛnɔ la. O! Mawu, míawo ŋutɔ míesee kple míaƒe towo, nu siwo mía fofowo gblɔ na mí tso nu siwo nèwɔ na wo le woƒe ɣeyiɣiwo me le blema." data/train/PSA/PSA_146_Verse_003.mp3,"Migaɖo dzi ɖe dziɖulawo ŋu o, eye migaka ɖe amegbetɔ kodzogbea, si mate ŋu axɔ na ame o la dzi o." data/train/PSA/PSA_077_Verse_016.mp3,"Wòe nye Mawu si wɔ nukunuwo, eye nèɖe wò ŋusẽ fia le dukɔwo dome." data/train/PSA/PSA_037_Verse_017.mp3,"Gake woƒe yiwo aŋɔ woawo ŋutɔ ƒe dziwo, eye woƒe datiwo aŋe." data/train/PSA/PSA_104_Verse_003.mp3,"Dziƒoxeviwo wɔa atɔ ɖe tsisisiawo to, eye wodzia ha le atilɔwo dzi." data/train/PSA/PSA_068_Verse_003.mp3,"Aƒetɔ ɖe gbeƒã nya la, eye ameha gã aɖe do ɣli kplii be," data/train/PSA/PSA_024_Verse_006.mp3,"Eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ, eye Mawu, eƒe Ɖela la, atso afia nɛ." data/train/PSA/PSA_106_Verse_045.mp3,"woƒe dzidzimeviwo atsi dukɔwo dome, eye yeakaka wo ɖe anyigbawo dzi." data/train/PSA/PSA_040_Verse_007.mp3,"Ke nye la, meda ahe, eye hiã le tu yem, O! Aƒetɔ, ɖo ŋku dzinye. O! Nye Mawu, wòe nye nye kpeɖeŋutɔ kple nye xɔname, mègahe ɖe megbe o." data/train/PSA/PSA_019_Verse_007.mp3,"Wò sewo wotsɔ xlɔ̃ nu wò dɔlae, elabena viɖe gã geɖe le wo dzi wɔwɔ me." data/train/PSA/PSA_109_Verse_016.mp3,"Mezu alɔmeɖenu na nunyetsolawo, eye woʋuʋua ta ne wokpɔm." data/train/PSA/PSA_078_Verse_061.mp3,"Wotsɔ woƒe lɔlɔ̃nu te Mawu kpɔ, esi wobia nuɖuɖu si le wo dzrom vevie." data/train/PSA/PSA_086_Verse_002.mp3,"elabena wò lɔlɔ̃ nam lolo ŋutɔ, eye nèɖem tso keke tsiẽƒe ʋĩi ke." data/train/PSA/PSA_027_Verse_002.mp3,"Elabena le xaxaɣiwo la, atsyɔ nu dzinye le eƒe nɔƒe la me; aɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe, eye wòakɔm aɖo agakpe kɔkɔ aɖe dzi." data/train/PSA/PSA_018_Verse_020.mp3,Eƒe sewo katã le ŋkunye me; eye nyemetrɔ le eƒe ɖoɖowo yome o. data/train/PSA/PSA_038_Verse_011.mp3,"Meʋu nye dzidada me, eye nye nu vɔ̃ ɖe fu nam." data/train/PSA/PSA_063_Verse_000.mp3,"David ƒe ha. Ekpae esi wòle Yuda gbegbe. O! Mawu, wòe nye nye Mawu, mele diwòm vevie; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, nye ameti blibo la mele diwòm, le kuɖiɖinyigba si ƒu kplakplakpla, eye tsi aɖeke meli o la dzi." data/train/PSA/PSA_021_Verse_011.mp3,"Togbɔ be wole vɔ̃ ɖom ɖe ŋuwò, eye wowɔ ɖoɖowo be woasẽ ŋuta le ŋuwò hã la, madze edzi na wo o," data/train/PSA/PSA_115_Verse_010.mp3,"Míaƒe Mawu la le dziƒo, eye nu sia nu si dze eŋu lae wòwɔna," data/train/PSA/PSA_074_Verse_015.mp3,"Wòe ɖo liƒo na anyigba, eye wòe wɔ vuvɔŋɔli kple dzomeŋɔli." data/train/PSA/PSA_021_Verse_002.mp3,"Ebia agbe wò, eye nènae hedidi eƒe ŋkekewo tso mavɔ me yi mavɔ me." data/train/PSA/PSA_106_Verse_020.mp3,kple dzesiwo le Hamnyigba dzi kple ŋɔdzinuwo le Ƒu Dzĩ la to. data/train/PSA/PSA_105_Verse_014.mp3,"Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, eye nu si ame bubuwo ku kutri kpɔ la va zu domenyinu na wo." data/train/PSA/PSA_099_Verse_002.mp3,"Mido Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔ nu, elabena eya amea le kɔkɔe." data/train/PSA/PSA_119_Verse_160.mp3,Womewɔa vɔ̃ aɖeke o; ke boŋ wozɔna le eƒe mɔwo dzi. data/train/PSA/PSA_116_Verse_000.mp3,Aleke mawɔ aɖo dɔmenyo siwo katã Yehowa wɔ nam la teƒe nɛ? data/train/PSA/PSA_079_Verse_012.mp3,"Wokɔ woƒe ʋu ɖi abe tsi ene ƒo xlã Yerusalem, eye ame aɖeke meli aɖi ame kukuawo o." data/train/PSA/PSA_036_Verse_010.mp3,"Wò dzɔdzɔenyenye le abe to gãwo ene, eye wò afiatsotso le abe tɔ goglo ene. O! Yehowa, èkpɔa amegbetɔwo kple lãwo siaa ta." data/train/PSA/PSA_029_Verse_007.mp3,Yehowa ƒe gbe ke dzo mia abe dzikedzo ene. data/train/PSA/PSA_105_Verse_016.mp3,eyae nye nu si wòbla kple Abraham kple atam si wòka na Isak. data/train/PSA/PSA_118_Verse_009.mp3,"Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe." data/train/PSA/PSA_018_Verse_025.mp3,"Ku ƒe kawo blam, eye nu siwo gblẽa ame la ƒo ɖe dzinye abe tɔʋu ene." data/train/PSA/PSA_139_Verse_022.mp3,"wò asi akplɔm, eye wò nuɖusi além ɖe asi sesĩe." data/train/PSA/PSA_102_Verse_027.mp3,"Woatsrɔ̃, ke wò ya ànɔ anyi ɖaa; woanyunyɔ abe avɔ ene, eye àɖɔli wo abe avɔ ene ahatsɔ wo aƒu gbe." data/train/PSA/PSA_056_Verse_010.mp3,"Woɖo babla, wole ŋu tsam, hele ŋku lém ɖe nye afɔɖeɖewo ŋu, eye wotsi dzi ɖe nye agbetsɔtsrɔ̃ ŋuti." data/train/PSA/PSA_077_Verse_013.mp3,"Tete megblɔ be, “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nuɖusi ƒe ƒewo ko maƒo koko na.”" data/train/PSA/PSA_094_Verse_011.mp3,"O! Yehowa, wogbã wò dukɔ la nyanyanya, wote wò domenyinu la ɖe to." data/train/PSA/PSA_065_Verse_000.mp3,Ame siwo le didiƒe la vɔ̃ wò nukunuwo; èna dzidzɔhawo ɖi tso afi si ɣe dzena tsona kple afi si wòɖoa to ɖo. data/train/PSA/PSA_035_Verse_003.mp3,"Ekema mada akpe na wò le ameha gã la dome, eye makafu wò le ame gbogbowo dome." data/train/PSA/PSA_119_Verse_019.mp3,"Enyo be woka hiãm, ale be mate ŋu asrɔ̃ wò sededewo." data/train/PSA/PSA_020_Verse_004.mp3,"Míado dzidzɔɣli ne èɖu dzi, eye míakɔ míaƒe aflagawo dzi le míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me. Yehowa awɔ nu siwo katã nèbiae la na wò." data/train/PSA/PSA_073_Verse_027.mp3,"Woɖua fewu, ƒoa nu vlodoametɔe, eye le woƒe dada me la, woklẽa ŋku ɖe amewo be woabɔbɔ na wo." data/train/PSA/PSA_037_Verse_027.mp3,"ne ekli nu hã la, madze anyi o elabena Yehowa tsɔ eƒe asi lée ɖe te." data/train/PSA/PSA_057_Verse_013.mp3,"Woɖo ɖɔ ɖi na nye afɔ, ena mete ɖe anyi kple nuxaxa. Woɖe ʋe ɖe mɔ dzi nam, gake woawo ŋutɔ ge dze eme. Sela" data/train/PSA/PSA_143_Verse_005.mp3,"Mekeke nye abɔwo me na wò, eye nye luʋɔ ƒe ve me ƒu ɖe ŋuwò abe kuɖiɖinyigba ene. Sela" data/train/PSA/PSA_044_Verse_010.mp3,"ke boŋ èna míeɖu míaƒe ketɔwo dzi, eye nèna ŋukpe lé míaƒe adikatɔwo." data/train/PSA/PSA_078_Verse_051.mp3,"Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu; ewu ame sesẽwo le wo dome, eye wòlã Israel ɖekakpuiwo ƒu anyi." data/train/PSA/PSA_037_Verse_026.mp3,"Mekpɔ ame vɔ̃ɖi, ŋutasẽla aɖe wòda ama nyuie abe ati dama si dzɔ kple anyigba la ene." data/train/PSA/PSA_024_Verse_002.mp3,Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia sia? Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae nye Ŋutikɔkɔefia la. Sela. data/train/PSA/PSA_037_Verse_004.mp3,"Ame vɔ̃ɖi doa nugbana, eye mexea fea o, ke ame dzɔdzɔe ya naa nu faa." data/train/PSA/PSA_025_Verse_016.mp3,"O! Yehowa, ɖo ŋku wò lɔlɔ̃ kple wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la dzi, elabena woli tso blema ke." data/train/PSA/PSA_106_Verse_024.mp3,"Míewɔ nu vɔ̃ abe mía fofowo ke ene; míewɔ nu tovo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi." data/train/PSA/PSA_109_Verse_003.mp3,"elabena etsi tsitre ɖe hiãtɔ la ƒe nuɖusime, be yeaɖe eƒe agbe tso ame siwo bu fɔ̃e la ƒe asi me." data/train/PSA/PSA_115_Verse_018.mp3,"Yehowa ɖo ŋku mía dzi, eya ta ayra mí. Ayra Israel ƒe aƒe la, ayra Aron ƒe aƒe la," data/train/PSA/PSA_027_Verse_014.mp3,"Togbɔ be tɔnye kple nɔnye gblem ɖi hã la, Yehowa axɔm." data/train/PSA/PSA_104_Verse_031.mp3,"Wosi to towo tame, heva to balimewo, va ɖo teƒe si nètia na wo la." data/train/PSA/PSA_071_Verse_022.mp3,"Wò kafukafu yɔ nye nu me, eye meɖea gbeƒã wò atsyɔ̃ŋkeke blibo la." data/train/PSA/PSA_052_Verse_001.mp3,"David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Ekpa ha sia esi Edomtɔ, Doeg yi ɖagblɔ na Saul be, “David yi ɖe Ahimelek ƒe aƒe me.” Nu ka ta nètsɔ nu vɔ̃ɖi le adegbe ƒom, wò kalẽtɔ? Nu ka wɔ nèle adegbe ƒom ŋkeke blibo la, wò ame si nye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume?" data/train/PSA/PSA_138_Verse_001.mp3,"Ètɔ nam esi meyɔ wò, eye nède dzi ƒo nam, hedo ŋusẽ nye dzi." data/train/PSA/PSA_104_Verse_009.mp3,"Ètsɔ gogloƒewo tsyɔ nɛ abe avɔ ene, eye tsiawo tɔ ɖe toawo tame." data/train/PSA/PSA_104_Verse_020.mp3,"Ne èdɔ wò Gbɔgbɔ ɖa la, wodzɔna, eye nèwɔa anyigba ƒe ŋkume yeyee." data/train/PSA/PSA_051_Verse_009.mp3,"Na mase dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso, ne nye ƒu siwo nèŋe la nakpɔ dzidzɔ." data/train/PSA/PSA_104_Verse_021.mp3,"Ne èna wo la, woƒonɛ ƒu; eye ne èʋu wò asi la, ètsɔa nu nyui ɖia ƒo na wo." data/train/PSA/PSA_052_Verse_009.mp3,"Wò aɖe le gbegblẽ ɖom; èle abe hɛ ɖaɖɛ ene, wò alakpatɔ." data/train/PSA/PSA_086_Verse_003.mp3,"Kpɔ nye agbe ta, elabena metsɔ ɖokuinye na wò. Wòe nye nye Mawu, eya ta ɖe wò dɔla si ɖo dzi ɖe ŋuwò." data/train/PSA/PSA_119_Verse_082.mp3,"Na kpɔtsɔtsɔ manɔ nye dzi ŋuti ɖe wò sededewo ŋu o, ale be ŋu makpem o." data/train/PSA/PSA_071_Verse_005.mp3,"Mègatsɔm ƒu gbe, ne meku amegã o, eye mègagblẽm ɖi ne ŋusẽ vɔ le ŋunye o." data/train/PSA/PSA_010_Verse_008.mp3,"Èʋli tsyɔ̃eviwo kple ame siwo wote ɖe anyi la ta, ale be amegbetɔ si nye anyi la magado ŋɔdzi na amewo azɔ o." data/train/PSA/PSA_020_Verse_003.mp3,David ƒe ha na hɛnɔ la. Yehowa netɔ na wò ne èɖo xaxa me; Yakob ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ nanye ŋuwòdzɔla. data/train/PSA/PSA_119_Verse_041.mp3,Matsɔ nye nu axlẽ se siwo katã do tso wò nu me la afia. data/train/PSA/PSA_089_Verse_022.mp3,"Mafanya eƒe futɔwo le eŋgɔ, eye maƒo ame siwo tso ɖe eŋu la aƒu anyi." data/train/PSA/PSA_143_Verse_010.mp3,"O! Yehowa, tɔ nam kaba, elabena nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Mègaɣla wò mo ɖem o, ne menye nenema o la, manɔ abe ame siwo yi aʋlime ene." data/train/PSA/PSA_119_Verse_152.mp3,"Wò sewo nye nuku, eya ta meɖo to wo." data/train/PSA/PSA_139_Verse_005.mp3,"Ènya nye godoɣi kple nye anyimlɔɣi, ale nènya nye mɔwo katã nyuie." data/train/PSA/PSA_041_Verse_013.mp3,"Yehowa anɔ kplii le dɔba dzi, eye wòana lãmesesẽe, afɔe tso dɔba dzi." data/train/PSA/PSA_054_Verse_002.mp3,"Eɖem tso nye xaxawo katã me, eye nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye futɔwo dzii." data/train/PSA/PSA_038_Verse_013.mp3,"Nye dzi le tsotsom kpokpokpo, ŋusẽ vɔ le ŋunye, eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o." data/train/PSA/PSA_139_Verse_009.mp3,"Mekafu wò, elabena èwɔm ŋɔdzitɔe kple nukutɔe. Wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, menya esia nyuie." data/train/PSA/PSA_093_Verse_001.mp3,"Ke ètri akɔ wu tɔsisi gãwo ƒe gbeɖeɖe, ètri akɔ wu atsiaƒu ƒe agbodzedze, ɛ̃, Yehowa le dziƒo tri akɔ." data/train/PSA/PSA_059_Verse_007.mp3,"nye Mawu lɔlɔ̃tɔ. Mawu adze ŋgɔ nam, eye ana makpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe nye ketɔwo dzi." data/train/PSA/PSA_058_Verse_000.mp3,"Ame dzɔdzɔewo akpɔ dzidzɔ, ne wole hlɔ̃ biam ɖe wo nu, eye wole woƒe afɔwo klɔm ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ʋu me." data/train/PSA/PSA_111_Verse_003.mp3,"Eƒe asinudɔwɔwɔwo le eteƒe, eye wodzɔ; nenema ke woate ŋu aka ɖe eƒe sewo hã dzii," data/train/PSA/PSA_102_Verse_008.mp3,"eya ta megblɔ be, “O! Nye Mawu, mègakplɔm dzoe le nye ŋkekewo ƒe titina o, wò ame si ƒe ƒewo li tso dzidzime yi dzidzime." data/train/PSA/PSA_045_Verse_001.mp3,"Edo awu legbe si wolɔ̃ kple ka, eye wokplɔe va fia la gbɔe; eƒe dɔlanyɔnu siwo menya ŋutsu o la kplɔe ɖo, eye wokplɔ wo vɛ na wò." data/train/PSA/PSA_105_Verse_037.mp3,"Wobiae, eye wòna tegliwo woɖu, eye wòtsɔ dziƒobolo ɖi ƒo na woe." data/train/PSA/PSA_119_Verse_063.mp3,"Melé fu susuevetɔwo, gake melɔ̃ wò se la." data/train/PSA/PSA_075_Verse_009.mp3,"Ne anyigba kple edzinɔlawo ʋuʋu kpekpekpe la, nyee léa eƒe sɔtiwo ɖe asi sesĩe. Sela" data/train/PSA/PSA_034_Verse_010.mp3,"Mia dometɔ siwo lɔ̃ agbe, eye miedi be miakpɔ ŋkekenyui geɖewo la," data/train/PSA/PSA_031_Verse_013.mp3,"Misẽ ŋu, eye milé dzi ɖe ƒo, mi ame siwo katã tsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ de Yehowa me." data/train/PSA/PSA_088_Verse_001.mp3,"Ètsɔm de ʋe goglotɔ me, yi ɖe keke viviti tsiɖitsiɖi me." data/train/PSA/PSA_079_Verse_005.mp3,"Míezu fewuɖunu na míaƒe aƒelikawo, eye míezu alɔmeɖenu kple vlodonu na ame siwo ƒo xlã mí." data/train/PSA/PSA_034_Verse_020.mp3,"Yehowa ƒe dɔlawo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlã ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea wo." data/train/PSA/PSA_119_Verse_079.mp3,"Na ame siwo vɔ̃a wò la natrɔ ɖe ŋunye, ame siwo se wò nuɖoanyiwo gɔme." data/train/PSA/PSA_073_Verse_006.mp3,"Èkplɔm le wò aɖaŋudede nu, eye àkplɔm emegbe ayi wò ŋutikɔkɔe mee." data/train/PSA/PSA_119_Verse_052.mp3,"Mefɔ hafi ŋu ke, eye medo ɣli be woaxɔ nam, ke metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi." data/train/PSA/PSA_056_Verse_003.mp3,"Elabena èɖem tso ku me, eye nèna be nye afɔwo hã magaɖiɖi o, ne mate ŋu azɔ le Mawu ŋkume le agbagbeawo ƒe anyigba dzi." data/train/PSA/PSA_106_Verse_021.mp3,"Le gbea dzi la, wodzro nu vevie, eye le gbegbe la, wote Mawu kpɔ." data/train/PSA/PSA_066_Verse_017.mp3,"Va, nàkpɔ nu si Mawu wɔ, ale si le amegbetɔwo ta wòwɔ ŋɔdzidɔ geɖewo!" data/train/PSA/PSA_086_Verse_014.mp3,"O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nàlé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu." data/train/PSA/PSA_105_Verse_001.mp3,"Ale Israel ge ɖe Egiptenyigba dzi, eye Yakob nɔ Hamnyigba dzi abe amedzro ene." data/train/PSA/PSA_007_Verse_015.mp3,"O! Yehowa, nye Mawu, ne mewɔ nu sia, eye vɔ̃ lé ɖe nye asiwo ŋu," data/train/PSA/PSA_119_Verse_086.mp3,"Na wò mo naklẽ na wò dɔla, eye nàfia wò sededewom." data/train/PSA/PSA_005_Verse_005.mp3,"Kplɔm, O! Yehowa, le wò dzɔdzɔenyenye nu le nye futɔwo ta, eye wɔ wò mɔwo dzɔdzɔe le ŋkunye me." data/train/PSA/PSA_081_Verse_003.mp3,Dzromawu aɖeke maganɔ dowòme o; màgade ta agu na mawu tutɔ aɖeke o. data/train/PSA/PSA_059_Verse_003.mp3,"Ke nye la, madzi wò ŋusẽ ƒe ha, eye le ŋdi me la, madzi ha le wò lɔlɔ̃ ŋuti, elabena wòe nye nye mɔ sesẽ, kple nye sitsoƒe le xaxaɣiwo." data/train/PSA/PSA_007_Verse_002.mp3,"David ƒe konyifaha si wòdzi na Yehowa le Benyamintɔ, Kus ƒe nyawo ta. O! Yehowa, nye Mawu, wòe mesi tso, xɔ nam, eye nàɖem tso ame siwo katã le yonyeme tim la ƒe asi me." data/train/PSA/PSA_112_Verse_007.mp3,"Nyui ava na ame si nyoa dɔ me, doa nugbana faa, eye wòwɔa eƒe nuwo to mɔ dzɔdzɔe dzi." data/train/PSA/PSA_031_Verse_010.mp3,Metsri ame siwo ku ɖe legba maɖinuwo ŋu; ke nye la meku ɖe Yehowa ŋu. data/train/PSA/PSA_119_Verse_004.mp3,"Ame vɔ̃ɖi la tre mɔ nam, gake nyemetra tso wò nuɖoanyiwo gbɔ o." data/train/PSA/PSA_055_Verse_023.mp3,"Ɖo tom, eye nàtɔ nam. Nye tamesusuwo ɖea fu nam, eye metɔtɔna," data/train/PSA/PSA_005_Verse_009.mp3,"O! Yehowa, le ŋdi me la, àse nye gbe; le ŋdi me la, matsɔ nye biabiawo aɖo ŋkuwò me, eye manɔ lalam kple mɔkpɔkpɔ." data/train/PSA/PSA_104_Verse_028.mp3,"wain si doa dzidzɔ na ame ƒe dzi, ami si ana be eƒe mo nanɔ keklẽm kple abolo si alé eƒe dzi ɖe te." data/train/PSA/PSA_038_Verse_006.mp3,"Esusɔ vie ko madze anyi, eye nye vevesese la le edzi ɖaa." data/train/PSA/PSA_135_Verse_021.mp3,"Yehowa wɔa nu sia nu si dze eŋu le dziƒo kple anyigba, le atsiaƒuwo me kple woƒe gogloƒewo katã." data/train/PSA/PSA_031_Verse_016.mp3,"O! Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nye dzi ʋu dzo, nuxaxa na nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ, eye konyifafa na nye luʋɔ kple ŋutilã gbɔdzɔ." data/train/PSA/PSA_060_Verse_007.mp3,"Mawu ƒo nu tso eƒe kɔkɔeƒe la be; “Le dziɖuɖu me, mama Sekem, eye madzidze Sukɔt Balime hã." data/train/PSA/PSA_118_Verse_029.mp3,"Yehowae wɔ esia, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkume." data/train/PSA/PSA_037_Verse_014.mp3,"Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, togbɔ be àdi wo hã la, màkpɔ wo o." data/train/PSA/PSA_034_Verse_012.mp3,"mikpɔ miaƒe aɖewo dzi nyuie tso vɔ̃ ŋuti, eye miaƒe nuyiwo tso aʋatsokaka ŋuti." data/train/PSA/PSA_017_Verse_007.mp3,"O! Yehowa, tso, kpe akɔ kpli wo, he wo ƒu anyi, eye tsɔ wò yi nàɖem le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me." data/train/PSA/PSA_089_Verse_015.mp3,"Ezrahitɔ Etan ƒe nufiameha. Madzi ha le Mawu ƒe lɔlɔ̃ gã la ŋu ɖaa, matsɔ nye nu aɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime." data/train/PSA/PSA_035_Verse_004.mp3,"Ekema nye luʋɔ atso aseye le Yehowa me, eye wòadzɔ dzi le eƒe xɔname ŋuti." data/train/PSA/PSA_030_Verse_012.mp3,"Yehowa, wòe meyɔ, Yehowae medo ɣli na be wòakpɔ nublanui nam." data/train/PSA/PSA_038_Verse_009.mp3,Mele abe ame si mesea nu o la ene kple ame si mate ŋu atsɔ eƒe nu aɖo nya aɖeke ŋu o la ene. data/train/PSA/PSA_119_Verse_001.mp3,"Aleke ɖekakpui awɔ, be eƒe mɔ dzi nanɔ dzadzɛe ɣe sia ɣi? To agbenɔnɔ ɖe wò nya la nu mee." data/train/PSA/PSA_148_Verse_004.mp3,"gbemelãwo kple nyiwo katã, nuwɔwɔ suewo kple xe dzodzoewo," data/train/PSA/PSA_059_Verse_004.mp3,"Kpɔ ale si wode xa ɖi nam lae ɖa! Ame nyanyrawo ɖo nugbe ɖe ŋunye, evɔ la, O Yehowa, nyemedze agɔ, alo wɔ nu vɔ̃ aɖeke o." data/train/PSA/PSA_078_Verse_044.mp3,"Ke emegbe la, wotsɔa woƒe nu flunɛ, eye wotsɔa woƒe aɖe daa alakpa nɛ." data/train/PSA/PSA_075_Verse_002.mp3,"Ègblɔ be, “Meɖo ɣeyiɣi da ɖi, elabena nyee adrɔ̃ ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye me." data/train/PSA/PSA_119_Verse_070.mp3,"Metia nyateƒe ƒe mɔ, eye nye dzi ku ɖe wò sewo ŋu." data/train/PSA/PSA_036_Verse_006.mp3,"Kpɔ ale si nu vɔ̃ɖi wɔlawo dze anyi ɖe anyigbae ɖa; wotutu wo ƒu anyi, eye womete ŋu fɔ o!" data/train/PSA/PSA_027_Verse_011.mp3,"O! Yehowa, se nye gbe, ne meyɔ wò; kpɔ nublanui nam, eye nàtɔ nam." data/train/PSA/PSA_118_Verse_023.mp3,"Yehowa he to nam vevie, gake metsɔm de asi na ku o." data/train/PSA/PSA_035_Verse_012.mp3,menɔa yiyim kpokpokpo le nuxaxa me abe xɔ̃nye alo nɔviŋutsu fam mele ene. Medea mo to abe danye ƒe ku fam mele ene. data/train/PSA/PSA_030_Verse_010.mp3,"See, O! Yehowa, eye nàkpɔ nye nublanui; O! Yehowa, kpe ɖe ŋunye.”" data/train/PSA/PSA_015_Verse_002.mp3,"ame si medoa ga xɔa deme ɖe edzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋuti o. Ame si wɔa nu siawo la, naneke maʋãe akpɔ gbeɖegbeɖe o." data/train/PSA/PSA_090_Verse_007.mp3,"Hafi towo nava dzɔ, alo hafi nàwɔ anyigba kple xexea me, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò koe nye Mawu." data/train/PSA/PSA_079_Verse_007.mp3,"O! Aƒetɔ, ɖo vlo, si míaƒe aƒelikawo do wò la teƒe na wo zi adre." data/train/PSA/PSA_038_Verse_015.mp3,"O! Aƒetɔ, nye dzimedidiwo katã le ŋkuwò me, eye nye hũɖeɖewo meɣla ɖe wò o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_125.mp3,"Se nye gbe, le wò lɔlɔ̃ la ta, O! Yehowa, ɖe nye agbe, le wò sewo ƒe ɖoɖo nu." data/train/PSA/PSA_049_Verse_000.mp3,"Agbeƒlega menye ga sue o, eye ga home aɖeke made enu be" data/train/PSA/PSA_033_Verse_012.mp3,"Midzi ha yeye nɛ; miƒo ha nɛ kple ŋusẽ, eye míado dzidzɔɣli." data/train/PSA/PSA_119_Verse_119.mp3,"O! Yehowa, wòe nye nye gomekpɔkpɔ, eya ta medo ŋugbe be mawɔ ɖe wò nyawo dzi." data/train/PSA/PSA_010_Verse_017.mp3,Yehowae nye fia tso mavɔ me yi mavɔ me; dukɔwo atsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi. data/train/PSA/PSA_089_Verse_045.mp3,"Woaɖoe anyi ɖaa abe ɣleti, ɖasefo nuteƒewɔla si le dziŋgɔli ŋu ene.” Sela" data/train/PSA/PSA_119_Verse_105.mp3,"O! Yehowa, ètsɔ ɖe gbɔnye ɖe! Wò sededewo katã hã nye nyateƒe." data/train/PSA/PSA_018_Verse_010.mp3,"Èkeke mɔ le tenye, be nye klowo magli le tenye o." data/train/PSA/PSA_055_Verse_010.mp3,"Megblɔ be, “O! Ɖe wònye aʋala le asinye abe ahɔnɛ ene la, anye ne madzo aɖadzudzɔ le teƒe aɖe." data/train/PSA/PSA_054_Verse_004.mp3,"Mawu nye nye xɔnametɔ vavã, Aƒetɔ lae nye ame si lém ɖe asi." data/train/PSA/PSA_031_Verse_002.mp3,"De ga nu na woƒe alakpanuyiwo, elabena wotsɔa dada kple ɖekematsɔleme gblɔa nya vlo ɖe ame dzɔdzɔe ŋu." data/train/PSA/PSA_118_Verse_026.mp3,Yehowa ƒe nuɖusi le dzi bobobo! Yehowa ƒe nuɖusi wɔ nu dzɔatsuwo!” data/train/PSA/PSA_119_Verse_171.mp3,"Ɖem le alakpamɔwo dzi, eye nàve nunye to wò se la dzi." data/train/PSA/PSA_088_Verse_018.mp3,Ɖe woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ le yɔdo me kple wò nuteƒewɔwɔ le tsiẽƒea? data/train/PSA/PSA_054_Verse_001.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. David kpa ha sia esi Zifitɔwo yi Saul gbɔ gblɔ nɛ be, “Ɖe David meva ɣla ɖe mía dome oa?” Ɖem, O! Mawu, ɖem kple wò ŋkɔ, tsɔ wò ŋusẽ tso afia nam." data/train/PSA/PSA_102_Verse_023.mp3,"Nye ŋkekewo le abe fiẽ ƒe vɔvɔli ene, eye meyrɔ abe gbe ene." data/train/PSA/PSA_074_Verse_021.mp3,"Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la wòbi va anyigba, eye wodo gu teƒe si wò Ŋkɔ nɔna." data/train/PSA/PSA_078_Verse_036.mp3,"Eɖe mɔ ɖi na eƒe dɔmedzoe; meɖe woƒe agbe tso ku me o, ke boŋ etsɔ wo de asi na dɔvɔ̃." data/train/PSA/PSA_034_Verse_022.mp3,"Yehowa ɖea eƒe dɔlawo, eye womabu fɔ ame siwo katã sinɛ tsona la o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_109.mp3,"O! Yehowa, mele yɔwòm kple nye dzi blibo, eya ta tɔ nam, eye mawɔ wò sededewo dzi." data/train/PSA/PSA_018_Verse_002.mp3,"Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglã, eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu. Le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta." data/train/PSA/PSA_107_Verse_001.mp3,"Ame aɖewo le meli me zɔ atsiaƒu dzi, wonye asitsalawo le tɔ gãwo dzi." data/train/PSA/PSA_141_Verse_005.mp3,"O! Aƒetɔ Yehowa, meda nye ŋkuwo ɖe dziwò, mewòe mebe ɖo, mègatsɔm na ku o." data/train/PSA/PSA_078_Verse_035.mp3,"Ewɔ ɖoɖowo na Yakob, eye wòɖo se anyi ɖe Israel, se siwo ŋu wòde se na mía fofowo be woafia wo viwo," data/train/PSA/PSA_055_Verse_015.mp3,Nye zɔhɛ wɔ avu kple exɔlɔ̃wo hegblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla. data/train/PSA/PSA_108_Verse_005.mp3,"Mawu ƒo nu tso eƒe kɔkɔeƒe la be, “Mama Sekem le dziɖuɖu me, eye madzidze Sukɔt Balime." data/train/PSA/PSA_030_Verse_008.mp3,"O! Yehowa, wòe ɖem tso tsiẽƒe, eye mèna meyi aʋlime o." data/train/PSA/PSA_003_Verse_003.mp3,"Nyemavɔ̃ na ame akpe nane siwo ho, ɖe to ɖem godoo la o." data/train/PSA/PSA_106_Verse_010.mp3,"Eya ta wòdo eƒe asiwo ɖe dzi ka atam na wo be yele nana ge wo katã natsrɔ̃ ɖe gbea dzi," data/train/PSA/PSA_073_Verse_017.mp3,"mezu bometsila kple numanyala, eye mele abe lã tagbɔkukutɔ ene le ŋkuwò me." data/train/PSA/PSA_114_Verse_005.mp3,"O! Atsiaƒu, nu ka ta nèsi ɖo, O! Yɔdan tɔsisi, nu ka ta nète yi megbe ɖo?" data/train/PSA/PSA_018_Verse_028.mp3,"Mawu ya ƒe mɔwo de blibo, Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ. Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee." data/train/PSA/PSA_147_Verse_001.mp3,"Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòlolo wo. Ede ŋusẽ eƒe yawo me, eye tsiwo de asi sisi me." data/train/PSA/PSA_119_Verse_162.mp3,"Woƒe dzi ku atri, eye megasea naneke o, ke nye la, mekpɔa dzidzɔ ɖe wò se la ŋu." data/train/PSA/PSA_013_Verse_000.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? Ɖe nàŋlɔm be ɖikaɖika? Va se ɖe ɣe ka ɣi nàɣla wò ŋkume ɖem?" data/train/PSA/PSA_029_Verse_005.mp3,Yehowa naa ŋusẽ eƒe dukɔ; eye wòyraa eƒe amewo kple ŋutifafa. data/train/PSA/PSA_105_Verse_030.mp3,"Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ, miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo." data/train/PSA/PSA_119_Verse_126.mp3,Se siwo do tso wò nu me la xɔ asi nam wu sika kple klosalo akpewo. data/train/PSA/PSA_010_Verse_009.mp3,"Fiƒode, alakpa kple ŋɔdzidodo yɔ eƒe nu me fũu, eye gbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi le eƒe aɖe te." data/train/PSA/PSA_105_Verse_006.mp3,"Ekeke lilikpo ɖe wo dzi abe avɔ ene, eye wòna dzo wo be wòanye akaɖi na wo le zã me." data/train/PSA/PSA_147_Verse_012.mp3,"Gãe nye míaƒe Aƒetɔ la, eye eƒe ŋusẽ tri akɔ ŋutɔ, seɖoƒe meli na eƒe gɔmesese o." data/train/PSA/PSA_022_Verse_013.mp3,"Ke wòe hem tso vidzidɔ me, eye le danye ƒe no nu ke, èna meka ɖe dziwò." data/train/PSA/PSA_107_Verse_014.mp3,"elabena wodze aglã ɖe Mawu ƒe nyawo ŋuti, eye wodo vlo Dziƒoʋĩtɔ la ƒe aɖaŋudede." data/train/PSA/PSA_038_Verse_002.mp3,"Ame siwo tsɔ vɔ̃ ɖo nyui siwo mewɔ teƒe la ƒo ɖi nye ŋkɔ, esi meti nu si nyo la yome." data/train/PSA/PSA_121_Verse_001.mp3,"Mana wò afɔ naɖiɖi o, eya ame si dzɔa ŋuwò la madɔ akɔlɔ̃e o." data/train/PSA/PSA_130_Verse_005.mp3,"O! Aƒetɔ, ɖo to nye gbe. Wò to nenɔ te nàse nye nublanuiɣli." data/train/PSA/PSA_055_Verse_001.mp3,"Eƒe nuƒo zrɔ̃ dredredre abe notsi kpekpe ene, evɔ aʋawɔwɔ le eƒe dzi me; eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami, gake wonye yi siwo woɖe le aku me lé ɖe asi." data/train/PSA/PSA_119_Verse_172.mp3,"Ɖem tso amewo ƒe teteɖeanyi me, be mawɔ ɖe wò ɖoɖowo dzi." data/train/PSA/PSA_106_Verse_011.mp3,"Eya ta wògblɔ be, yele wo tsrɔ̃ ge. Ɖe Mose, eƒe ame tiatia la metsi tsitre ɖe gbagbãƒe la hexe mɔ na eƒe dziku helĩhelĩ la o la, anye ne etsrɔ̃ wo." data/train/PSA/PSA_080_Verse_003.mp3,"Èna aɖatsibolo wo woɖu, eye nèna aɖatsi wo wono taŋtaŋ." data/train/PSA/PSA_025_Verse_012.mp3,"O! Nye Mawu, ŋuwòe meɖo dzi ɖo. Mègana ŋu nakpem, alo nàɖe mɔ nye futɔwo naɖu dzinye o." data/train/PSA/PSA_095_Verse_003.mp3,"Atsiaƒu hã nye etɔ, elabena eyae wɔe, eye eƒe asie wɔ anyigba ƒuƒui hã." data/train/PSA/PSA_135_Verse_016.mp3,"O! Levi ƒe aƒe, mikafu Yehowa, eye mi ame siwo vɔ̃nɛ la, mikafu Yehowa." data/train/PSA/PSA_119_Verse_033.mp3,"Kpɔ ale si melɔ̃ wò sewoe ɖa; eya ta o Yehowa, kpɔ nye agbe ta le wò lɔlɔ̃ la ta." data/train/PSA/PSA_103_Verse_014.mp3,"Mi eƒe dɔlawo, mikafu Yehowa, mi ŋusẽtɔ siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu, eye miewɔa eƒe nya dzi." data/train/PSA/PSA_086_Verse_016.mp3,"Trɔ ɖe ŋutinye, eye nàkpɔ nublanui nam; na wò ŋusẽ wò dɔla, eye nàɖe viwò ŋutsu nuteƒewɔla." data/train/PSA/PSA_035_Verse_027.mp3,"Woɖua fewu le ŋunye vevesesetɔe, eye woɖua aɖukli ɖe ŋunye abe mawumavɔ̃lawo ene." data/train/PSA/PSA_119_Verse_007.mp3,"Aɖatsi le sisim le nye ŋkuwo me abe tɔʋu ene, elabena womewɔ wò sewo dzi o." data/train/PSA/PSA_051_Verse_013.mp3,"O! Mawu, ɖem tso ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ me, wò Mawu si ɖem, eye nye aɖe adzi ha le wò dzɔdzɔenyenye ŋu." data/train/PSA/PSA_088_Verse_012.mp3,"Wò dziku helĩhelĩ tsyɔ dzinye, eye wò ŋɔdzi gblẽ donyeme." data/train/PSA/PSA_078_Verse_048.mp3,"Ke wote Mawu kpɔ, wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye womelé eƒe sewo me ɖe asi o." data/train/PSA/PSA_069_Verse_003.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi nu. Mawu, ɖem, elabena tsi ɖɔ ɖe ŋunye va se ɖe nye kɔgbɔ ke." data/train/PSA/PSA_066_Verse_003.mp3,"Ele fia ɖum kple eƒe ŋusẽ tegbee, eƒe ŋku le dukɔwo ta kpɔm, aglãdzela aɖeke megatso ɖe eŋuti o. Sela" data/train/PSA/PSA_018_Verse_029.mp3,"Mawue nye nye mɔ sesẽ, Eyae na nye mɔ zu gbadzaa." data/train/PSA/PSA_128_Verse_002.mp3,"Kpɔ ɖa, aleae woyraa ŋutsu si vɔ̃a Yehowa lae." data/train/PSA/PSA_089_Verse_044.mp3,"Woayra ame siwo srɔ̃ ale si woakafu wòe, eye wozɔna le wò mo ƒe kekeli me, O Yehowa." data/train/PSA/PSA_017_Verse_001.mp3,"David ƒe gbedodoɖa. See, O! Yehowa, ɖo to nye ɣlidodo kple nye dzɔdzɔenyenye ƒe kukuɖeɖe. Ƒu to anyi ɖe nye gbedodoɖa si metso alakpanuyiwo me o." data/train/PSA/PSA_135_Verse_013.mp3,"Nu li na wo, gake womeƒoa nu o, ŋku li na wo gake womekpɔa nu o," data/train/PSA/PSA_037_Verse_008.mp3,"Ana wò dzɔdzɔenyenye nàdze abe ŋdikekeli ene, eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ abe ŋdɔkutsuɣe ene." data/train/PSA/PSA_080_Verse_011.mp3,"O! Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te; na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, be míakpɔ xɔxɔ." data/train/PSA/PSA_045_Verse_009.mp3,"Mía viŋutsuwo axɔ ɖe mía fofowo teƒe, eye míawɔ wo fiaviwo le anyigba la katã dzi." data/train/PSA/PSA_023_Verse_002.mp3,hena nye luʋɔ gbɔ agbe. Ekplɔm to dzɔdzɔenyenye ƒe mɔwo dzi le eƒe ŋkɔ la ta. data/train/PSA/PSA_149_Verse_005.mp3,"ne woabla woƒe fiawo kple gakɔsɔkɔsɔ, eye woade kunyowu woƒe bubumewo," data/train/PSA/PSA_036_Verse_011.mp3,"Wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la xɔ asi loo! Ame siwo ŋuti bubu le kple ame siwo ŋuti mele o, le amegbetɔviwo dome siaa kpɔa sitsoƒe le wò aʋala ƒe vɔvɔli te." data/train/PSA/PSA_107_Verse_052.mp3,"Wonedoe ɖe dzi le dukɔ la ƒe ƒuƒoƒo me, eye woakafui le dumegãwo ƒe takpekpe me." data/train/PSA/PSA_148_Verse_006.mp3,"Mi eƒe dɔlawo katã mikafui, dziƒoʋakɔwo hã mikafui." data/train/PSA/PSA_094_Verse_007.mp3,"Mikpɔ nyuie, mi gegeme siwo le dukɔ la me, mi bometsilawo, ɣe ka ɣi miadze nunya?" data/train/PSA/PSA_055_Verse_016.mp3,"O! Aƒetɔ, tɔtɔ ame vɔ̃ɖiwo, tɔtɔ woƒe nyagbɔgblɔwo, elabena mekpɔ ŋutasesẽ kple ʋunyaʋunya le dua me." data/train/PSA/PSA_100_Verse_004.mp3,"Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ, eye mitsɔ aseyetsohawo do ɖe eŋkume." data/train/PSA/PSA_007_Verse_012.mp3,"Nu metia kɔ nɛ o, anyre eƒe yi, eye wòavu eƒe dati me." data/train/PSA/PSA_139_Verse_007.mp3,"Fuléle koe le asinye na wo, eye mebu wo nye ketɔwoe." data/train/PSA/PSA_139_Verse_024.mp3,"Woƒoa nu tso ŋutiwò kple susu baɖa, wò futɔwo wɔa wò ŋkɔ ŋu dɔ yakayaka." data/train/PSA/PSA_073_Verse_008.mp3,"Enye teteɖeanyi gã aɖe te menɔ esi medze agbagba be mase nu siawo gɔme," data/train/PSA/PSA_085_Verse_006.mp3,"Maɖo to ase nya si Yehowa Mawu agblɔ; edo ŋutifafa ƒe ŋugbe na eƒe dukɔ, eƒe ame kɔkɔewo, gake ɖeko mègana woatrɔ ayi bometsitsi gbɔ o." data/train/PSA/PSA_139_Verse_013.mp3,"Ne meyi dziƒo la, èle afi ma, ne meɖo nye mlɔƒe ɖe gogloƒewo hã la, èle afi ma." data/train/PSA/PSA_059_Verse_000.mp3,"David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. Ekpa ha sia esi Saul dɔ amewo be woadzɔ eƒe aƒe ŋu, eye ne edo go la, woawui. O! Mawu, ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me; kpɔ tanye le ame siwo tso ɖe ŋutinye la ta." data/train/PSA/PSA_018_Verse_033.mp3,"Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu, eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me." data/train/PSA/PSA_053_Verse_002.mp3,"Mawu lé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu tso dziƒo, ne wòakpɔe ɖa be ame aɖe se nu gɔme alo di Mawu hã." data/train/PSA/PSA_018_Verse_039.mp3,"Tete anyigba dzo nyanyanya, eye wòʋuʋu; towo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye, eye wodzo kpekpekpe, elabena dzi kui." data/train/PSA/PSA_147_Verse_010.mp3,"Eɖo eƒe sedede ɖe anyigba la dzi, eye eƒe nya kaka kple du ɖo teƒewo." data/train/PSA/PSA_018_Verse_013.mp3,"Ema dziŋgɔli ɖe eve, wòto eme ɖi va anyi, eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te." data/train/PSA/PSA_109_Verse_013.mp3,"Ke wò la, o Aƒetɔ Yehowa, wɔ nyui nam le wò ŋkɔ la ta, ɖem le wò lɔlɔ̃ si wɔa nyui la ta," data/train/PSA/PSA_120_Verse_004.mp3,"O! Alakpaɖe, nu ka wòawɔ na wò, eye nu ka wòatsɔ akpee na wò?" data/train/PSA/PSA_110_Verse_000.mp3,"Adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo, eye wòali kɔ woƒe kukuawo, nenema ke wòagbã dziɖulawo le anyigba blibo la dzi." data/train/PSA/PSA_121_Verse_006.mp3,"Yehowa adzɔ wò vava kple wò dzodzo ŋuti, fifia yi ɖase mavɔmavɔ me." data/train/PSA/PSA_112_Verse_001.mp3,"Ema eƒe kesinɔnuwo na ame dahewo fũu, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye woakɔ eƒe dzo ɖe dzi bobobo le bubu me." data/train/PSA/PSA_115_Verse_006.mp3,ke boŋ mí ame siwo doa Yehowa ɖe dzi fifia kple ɖaasi lae. Mikafu Yehowa. data/train/PSA/PSA_110_Verse_003.mp3,"David ƒe ha. Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be, “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.”" data/train/PSA/PSA_106_Verse_023.mp3,"le wo ta, eɖo ŋku eƒe nubabla la dzi, eye wòɖe asi le eƒe tameɖoɖo ŋu le eƒe lɔlɔ̃ gã la ta." data/train/PSA/PSA_095_Verse_004.mp3,"Elabena eyae nye míaƒe Mawu, eye míenye amewo le eƒe lãnyiƒe, kple lãha le eƒe dzikpɔkpɔ te. Egbe, ne miese eƒe gbe la," data/train/PSA/PSA_094_Verse_002.mp3,"Elabena Yehowa magbe eƒe dukɔ la o, eye magblẽ eƒe domenyinu ɖi o." data/train/PSA/PSA_100_Verse_000.mp3,"Elabena Yehowa nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa; nenema kee eƒe nuteƒewɔwɔ hã nɔa anyi tso dzidzime yi dzidzime." data/train/PSA/PSA_109_Verse_025.mp3,"Viawo nezu tsyɔ̃eviwo, eye srɔ̃a nezu ahosi." data/train/PSA/PSA_106_Verse_047.mp3,"Woƒo ɖi wo ɖokuiwo to nu si wowɔ la me, eye to woƒe nuwɔnawo me, wotsɔ wo ɖokuiwo wɔ gbolowoe," data/train/PSA/PSA_078_Verse_067.mp3,"Woɖoa ŋku edzi be Mawue nye woƒe Agakpe, eye Mawu Dziƒoʋĩtɔ lae nye woƒe Ɖela." data/train/PSA/PSA_041_Verse_005.mp3,"Ne ame aɖe ɖi tsa va be yeakpɔm ɖa la, edaa alakpa, eƒe dzi ƒoa ameŋugblẽnyawo nu ƒu, eye wòdoa go yina kakanɛ." data/train/PSA/PSA_037_Verse_012.mp3,"elabena woaŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋusẽ, ke Yehowa alé ame dzɔdzɔewo ɖe te." data/train/PSA/PSA_005_Verse_006.mp3,"Menye Mawu si kpɔa dzidzɔ le vɔ̃ ŋutie nènye o; wò la, ame vɔ̃ɖiwo mate ŋu anɔ gbɔwò o." data/train/PSA/PSA_145_Verse_021.mp3,"Ŋkuwo katã le wò asinu kpɔm, eye nèna nuɖuɖu wo le enaɣi." data/train/PSA/PSA_047_Verse_003.mp3,"Etia míaƒe domenyinu na mí si nye dada na Yakob, ame si wòlɔ̃. Sela" data/train/PSA/PSA_045_Verse_002.mp3,"Èdze ɖeka wu ŋutsuwo katã, wotsɔ amenuveve si ami na wò nuyi, elabena Mawu yra wò tegbee." data/train/PSA/PSA_006_Verse_010.mp3,Yehowa se ɣli si medo be wòakpɔ nye nublanui; Yehowa xɔ nye gbedodoɖa alɔ eve. data/train/PSA/PSA_010_Verse_001.mp3,"Ame vɔ̃ɖi la media eƒe mɔ o, le dada viviwo ta, le eƒe ŋugblededewo katã me la, meɖoa ŋku Mawu dzi o." data/train/PSA/PSA_144_Verse_004.mp3,"Dɔ dzikedzo ɖa woakaka futɔwo, da wò aŋutrɔ, eye nàtsrɔ̃ wo." data/train/PSA/PSA_093_Verse_003.mp3,"Wò sewo le te goŋgoŋgoŋ; O! Yehowa, kɔkɔenyenye ɖo atsyɔ̃ na wò aƒe ɣeawo katã ɣi." data/train/PSA/PSA_078_Verse_023.mp3,"Esi Mawu se wo ŋkɔ la, dzi kui vevie ŋutɔ, eye wògbe Israel keŋkeŋ." data/train/PSA/PSA_084_Verse_002.mp3,"Ne woto Baka Balime la, wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒewo, eye kelemetsi tsyɔa edzi kple yayra." data/train/PSA/PSA_066_Verse_010.mp3,"Mava wò gbedoxɔ me kple numevɔsa, eye maxe nye adzɔgbeɖefewo na wò," data/train/PSA/PSA_078_Verse_022.mp3,"Enya eƒe futɔwo do ɖe megbe, eye wòdo ŋukpe mavɔ wo." data/train/PSA/PSA_022_Verse_026.mp3,Woke woƒe nuwo ɖe ŋunye baa abe dzata si le gbe tem hele nu si wòlé la vuvum ene. data/train/PSA/PSA_079_Verse_002.mp3,"Ekema mí wò dukɔ, wò lãnyiƒe ƒe alẽwo akafu wò tegbee, eye tso dzidzime yi dzidzime míaɖe wò kafukafu afia." data/train/PSA/PSA_119_Verse_090.mp3,"Nu te nye luʋɔ ŋu, le wò sewo yometiti ɣe sia ɣi ta." data/train/PSA/PSA_132_Verse_018.mp3,"Yehowa ka atam na David; eka atam vavã si matu o la be, “Matsɔ wò ŋutɔ wò dzidzimevi aɖo fiae ɖe wò fiazikpui dzi." data/train/PSA/PSA_035_Verse_015.mp3,"Nyɔ, tso nàʋli tanye! Wɔ avu ɖe nunye, nye Mawu kple nye Aƒetɔ." data/train/PSA/PSA_104_Verse_019.mp3,"Meliwo zɔa edzi yina, gagbɔna, eye afii mae boso si nèwɔ la hã le." data/train/PSA/PSA_119_Verse_135.mp3,Va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔla alala? Ɣe ka ɣi nàhe to na yonyemetilawo? data/train/PSA/PSA_140_Verse_000.mp3,"Ame dzɔdzɔewo akafu wò ŋkɔ vavã, eye dzi dzɔdzɔetɔwo anɔ ŋkuwò me ɖaa." data/train/PSA/PSA_051_Verse_016.mp3,"Vavã, wodzim ɖe nu vɔ̃ me, eye nu vɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo." data/train/PSA/PSA_105_Verse_003.mp3,"be wòade dɔ asi na eƒe dɔnunɔlawo ale si dze eŋu, eye wòafia nunya eƒe dumegãwo." data/train/PSA/PSA_051_Verse_015.mp3,"Vavã, nyateƒe si tso dzi me ke la nèdina; èfia nunyam le ememe ke." data/train/PSA/PSA_051_Verse_006.mp3,"Klɔ ŋutinye kple kakle, eye ŋunye aɖi; le tsi nam, eye mafu tititi wu aklala." data/train/PSA/PSA_119_Verse_042.mp3,"Mawɔ ɖe wò nuɖoanyiwo dzi, elabena melɔ̃ wo ŋutɔ." data/train/PSA/PSA_069_Verse_011.mp3,"Esia adze Yehowa ŋu wu nyi, eye wòado dzidzɔ nɛ wu nyitsu kple eƒe dzowo kpakple eƒe afɔkliwo." data/train/PSA/PSA_048_Verse_002.mp3,Egbã wo gudugudu abe ale si ɣedzeƒeya gbã Tarsis tɔdziʋuwo ene. data/train/PSA/PSA_116_Verse_005.mp3,"Ku ƒe kawo blam, eye tsiẽƒe ƒe vevesese va dzinye. Hiã tum, eye nuxaxa va dzinye." data/train/PSA/PSA_019_Verse_013.mp3,"Ɖe wò dɔla tso lɔlɔ̃nuwɔwɔ ƒe nu vɔ̃wo hã me; womaɖu dzinye akpɔ o. Ekema mazu fɔɖiɖi manɔŋutɔ, eye ŋutinye akɔ tso vodada gã me." data/train/PSA/PSA_051_Verse_001.mp3,"Ekema dzɔdzɔenyenyevɔsawo kple numevɔsa blibowo ava gbɔwò, ado dzidzɔ na wò, eye woatsɔ nyitsuwo asa vɔe le wò vɔsamlekpui dzi." data/train/PSA/PSA_021_Verse_007.mp3,"Ètsɔ yayra xɔasi geɖewo do dza nɛ, eye nètsɔ fiakuku si wowɔ kple sika nyuitɔ la ɖɔ nɛ." data/train/PSA/PSA_009_Verse_004.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “ŋutsuvi la ƒe ku” ƒe gbeɖiɖi nu. Makafu wò, O! Yehowa, kple nye dzi blibo, maɖe wò nukunuwɔwɔwo katã afia." data/train/PSA/PSA_022_Verse_016.mp3,"Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo, eye le amehawo dome, makafu wò." data/train/PSA/PSA_078_Verse_050.mp3,"Make nye nu, aƒo nu le lododowo me. Magblɔ nu siwo le ɣaɣla, nu siwo li tso blema ke." data/train/PSA/PSA_115_Verse_017.mp3,"Yehowa neyra mi, eya dziƒo kple anyigba Wɔla." data/train/PSA/PSA_089_Verse_021.mp3,"Le ame kɔkɔewo ƒe adaŋudeha me la ŋɔdzi le Mawu ŋu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu wu ame siwo katã ƒo xlãe." data/train/PSA/PSA_115_Verse_009.mp3,"Mi ame siwo vɔ̃nɛ, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eyae nye miaƒe kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu." data/train/PSA/PSA_076_Verse_004.mp3,"Èɖe gbeƒã wò afiatsotso tso dziƒo, anyigba vɔ̃, eye wòzi ɖoɖoe." data/train/PSA/PSA_030_Verse_011.mp3,“Viɖe kae le eme ne donyeme gblẽ alo ne meyi ɖe aʋlime? Ɖe ʋuʋudedi akafu wòa? Ɖe wòaɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔa? data/train/PSA/PSA_018_Verse_004.mp3,"Dzi ɖena le wo katã ƒo, eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goe le woƒe mɔ sesẽwo me." data/train/PSA/PSA_106_Verse_040.mp3,"Wotsɔ woƒe nu vɔ̃ɖiawo do dɔmedzoe na Yehowa, eye dɔvɔ̃ gbã gboo ɖe wo dome." data/train/PSA/PSA_032_Verse_004.mp3,"Mafia nu wò, eye mafia mɔ si nàto la wò. Maxlɔ̃ nu wò, eye makpɔ tawò." data/train/PSA/PSA_115_Verse_004.mp3,"eya ta nu li na wo, gake womate ŋu aƒo nu o, ŋku li na wo, gake womate ŋu akpɔ nu o;" data/train/PSA/PSA_077_Verse_001.mp3,"Èkplɔ wò dukɔ abe alẽha ene, to Mose kple Aron ƒe asiwo dzi." data/train/PSA/PSA_061_Verse_002.mp3,"Ekema madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee, eye maxe nye adzɔgbeɖefewo gbe sia gbe." data/train/PSA/PSA_078_Verse_045.mp3,"Ke hã la, eɖe gbe na lilikpowo le dzi, eye wòʋu dziƒo ƒe ʋɔtruwo," data/train/PSA/PSA_018_Verse_019.mp3,"Eyae nye Mawu si biaa hlɔ̃ nam, eye wòbɔbɔa dukɔwo ɖe nye afɔ te," data/train/PSA/PSA_042_Verse_007.mp3,"O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu." data/train/PSA/PSA_031_Verse_001.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, mewòe mebe ɖo; mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o; ɖem le wò dzɔdzɔenyenye la ta." data/train/PSA/PSA_066_Verse_006.mp3,"Eyae kpɔ míaƒe agbe ta, eye mena míaƒe afɔ ɖiɖi o." data/train/PSA/PSA_085_Verse_012.mp3,"Yehowa ana nu si nyo la mí vavã, eye míaƒe anyigba atse eƒe ku." data/train/PSA/PSA_094_Verse_009.mp3,"O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi ame vɔ̃ɖi la atso aseye?" data/train/PSA/PSA_071_Verse_023.mp3,"Wogblɔ be, “Mawu gblẽe ɖi, míti eyome, míalée, elabena ame aɖeke mava axɔ nɛ o.”" data/train/PSA/PSA_119_Verse_023.mp3,Èwɔ se siwo dzi wòle be woawɔ ɖo blibo la da ɖi. data/train/PSA/PSA_048_Verse_009.mp3,"ne miakpɔ kpo si woƒo ɖe eƒe gliwo ŋu. Mikpɔ eƒe fiasãwo nyuie ne míatsɔe atu xoe na dzidzime si gbɔna," data/train/PSA/PSA_041_Verse_002.mp3,"Le nye nuteƒewɔwɔ ta la, èlém ɖe asi, eye nètsɔm ɖo wò ŋkume tegbetegbe." data/train/PSA/PSA_088_Verse_002.mp3,"Èxɔ xɔ̃nye veviwo le asinye, eye nètsɔm wɔ ŋunyɔnu na wo. Ètsɔm da ɖe xaxɛƒe, nyemate ŋu asi o," data/train/PSA/PSA_102_Verse_009.mp3,"Eŋe nye ŋusẽ le nye agbemɔ dzi, eye wòɖe nye ŋkekewo dzi kpɔtɔ," data/train/PSA/PSA_019_Verse_002.mp3,eye wòle abe ŋugbetɔsrɔ̃e le go dom tso eƒe agbadɔ me ene. Ele abe duƒula si le dzidzɔ kpɔm be wòalé eƒe mɔ atsɔ ene. data/train/PSA/PSA_090_Verse_000.mp3,Ame kae nya wò dɔmedzoe ƒe ŋusẽ? Elabena wò dziku nu sẽ abe ale si woavɔ̃ wòe ene. data/train/PSA/PSA_141_Verse_003.mp3,"Na ame vɔ̃ɖiwo naɖo woawo ŋutɔ ƒe ɖɔwo me, ne matso eme ayi le dedinɔnɔ me." data/train/PSA/PSA_119_Verse_010.mp3,"Dam ɖe wò sededewo ƒe mɔ dzi, elabena afi ma mekpɔa dzidzɔ le." data/train/PSA/PSA_010_Verse_005.mp3,"Egblɔna na eɖokui be, “Naneke maʋuʋum o, makpɔ dzidzɔ ɣe sia ɣi, eye nyemage ɖe dzɔgbevɔ̃e me akpɔ o.”" data/train/PSA/PSA_086_Verse_004.mp3,"Le nye xaxagbe, mayɔ wò elabena àtɔ nam." data/train/PSA/PSA_018_Verse_037.mp3,"O! Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome le esia ta, eye madzi kafukafuha na wò ŋkɔ." data/train/PSA/PSA_119_Verse_005.mp3,"Ame vɔ̃ɖiwo le lalam be woatsrɔ̃m, ke nye la, madzro wò sewo me." data/train/PSA/PSA_105_Verse_005.mp3,"Egipte kpɔ dzidzɔ esi wodo go dzo, elabena Israel ƒe ŋɔdzi lé wo." data/train/PSA/PSA_050_Verse_009.mp3,"Menya xevi ɖe sia ɖe si le towo dzi, eye nuwɔwɔ ɖe sia ɖe si le gbe me la tɔnyee wonye." data/train/PSA/PSA_119_Verse_122.mp3,"O! Yehowa, ɣeyiɣi de na wò be nàɖe afɔ, elabena wole wò sewo tum." data/train/PSA/PSA_050_Verse_016.mp3,"Nu siawoe nye nu siwo nèwɔ hafi mezi ɖoɖoe, eye nèsusu be ɖeko mele abe ye ene, gake maka mo na wò, eye mado asi ɖe mo na wò." data/train/PSA/PSA_049_Verse_013.mp3,"Ne ame aɖe zu kesinɔtɔ la, megawɔ moya na wò o, ne eƒe aƒe ƒe atsyɔ̃ dzi ɖe edzi la, megawɔ nuku na wò o," data/train/PSA/PSA_078_Verse_038.mp3,"Eɖo nubablaɖaka si nye eƒe ŋusẽ la ɖe aboyome, eye wòtsɔ eƒe atsyɔ̃nu de asi na futɔ la." data/train/PSA/PSA_018_Verse_036.mp3,"Nyemeɖi fɔ le eŋkume o, eye mete ɖokuinye ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ." data/train/PSA/PSA_059_Verse_006.mp3,"Nya sia nya si doa le wo nu la nye nu vɔ̃, woƒe dada nazu abe mɔ ene aɖe wo, Le fiƒodenya kple alakpanya siwo wogblɔ ta la," data/train/PSA/PSA_083_Verse_013.mp3,"Tsɔ ŋukpe tsyɔ mo na wo, ale be amewo nadi wò ŋkɔ, O Yehowa." data/train/PSA/PSA_105_Verse_010.mp3,"Ena dɔ to ɖe anyigba la dzi, eye wògblẽ woƒe nuɖuɖukpɔtsoƒewo katã," data/train/PSA/PSA_075_Verse_007.mp3,"Mègakɔ wò dzowo ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu o, eye mègahe ve hafi nànɔ nu ƒom o.’ ”" data/train/PSA/PSA_106_Verse_042.mp3,Wotsɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔe na gbɔgbɔ vɔ̃wo. data/train/PSA/PSA_037_Verse_031.mp3,"Tsã la, menye ɖevi, ke azɔ la metsi, gake womegble ame dzɔdzɔe aɖeke ɖi mekpɔ kpɔ loo, alo wo viwo nabia abolo hafi aɖu o." data/train/PSA/PSA_082_Verse_002.mp3,"“Megblɔ be, ‘Mawuwoe mienye; mi katã mienye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viŋutsuwo’," data/train/PSA/PSA_119_Verse_137.mp3,"Wò asie wɔm, eye wò asimee medo tso; tsɔ gɔmesese nam, be masrɔ̃ wò sededewo." data/train/PSA/PSA_017_Verse_015.mp3,ɖem tso ame vɔ̃ɖi siwo le funyafunya wɔmem kple futɔ siwo ɖe to ɖem la ƒe asi me. data/train/PSA/PSA_119_Verse_176.mp3,Ʋu nye ŋkuwo be makpɔ nukunuwo le wò se la me. data/train/PSA/PSA_139_Verse_010.mp3,"Ne mebe maxlẽ wo la, woasɔ gbɔ wu ke. Ne menyɔ tso alɔ̃ me la, megale gbɔwò ko." data/train/PSA/PSA_044_Verse_012.mp3,"Míaƒe dziwo metrɔ le yowòme o, eye míaƒe afɔwo hã metra le wò mɔ dzi o." data/train/PSA/PSA_074_Verse_000.mp3,"Asaf ƒe nufiameha. O! Mawu, nu ka ŋuti nègble mí ɖi ɖikaa? Nu ka ta wò dɔmedzoe bi ɖe wò alẽ siwo le wò lãnyiƒe ŋuti?" data/train/PSA/PSA_061_Verse_005.mp3,"Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu, meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli; azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi," data/train/PSA/PSA_104_Verse_015.mp3,"Ke esi nèblu la, tsiawo si, eye esi nèɖe gbe la, wolé du tsɔ." data/train/PSA/PSA_112_Verse_004.mp3,"Mavɔ̃ na nya vɔ̃ sese o, eƒe dzi li ke, eye wòkana ɖe Yehowa dzi." data/train/PSA/PSA_038_Verse_010.mp3,"Mele abe tokunɔ si mate ŋu ase nu o la ene, eye mele abe aɖetututɔ si mate ŋu aƒo nu o la ene." data/train/PSA/PSA_066_Verse_004.mp3,"Èna amewo zɔ míaƒe ta dzi, eye míeto dzo me kple tɔ me, gake èkplɔ mí va anyigba si dzi nuwo do agbogbo ɖo fũu." data/train/PSA/PSA_149_Verse_003.mp3,"Mawu kafukafu nenɔ woƒe nu me, eye wòanye yi nuevee anɔ woƒe asiwo me," data/train/PSA/PSA_006_Verse_005.mp3,"Nye futɔwo katã ŋu akpe mi, eye miaƒe mo atsi dãa; woagbugbɔ ɖe megbe enumake kple ŋukpe." data/train/PSA/PSA_118_Verse_021.mp3,"Woƒo kɔ ɖe ŋunye abe anyiwo ene, gake wo nu va yi kaba abe ŋuvedzo ene; ɛ̃, Yehowa ƒe ŋkɔ mee metsrɔ̃ wo le." data/train/PSA/PSA_096_Verse_013.mp3,"woadzi ha le Yehowa ŋgɔ, elabena egbɔna, eye wògbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge. Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo le nyateƒe me." data/train/PSA/PSA_006_Verse_001.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku kple seminit ŋu. O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o." data/train/PSA/PSA_005_Verse_004.mp3,"Ke nye ya, mava wò aƒe me to wò nublanuikpɔkpɔ gã la me. Matsɔ bubu ade ta agu ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ." data/train/PSA/PSA_095_Verse_009.mp3,"Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu nɛ, eye mina míadze klo ɖe Yehowa, mía Wɔla la ƒe ŋkume." data/train/PSA/PSA_068_Verse_000.mp3,"Ame dɔdɔwo atso Egipte ava, eye Kus abɔbɔ eɖokui ɖe Mawu te." data/train/PSA/PSA_018_Verse_041.mp3,"Viviti nye avɔ si wòtsyɔ, eye lilikpo yibɔ si dzaa tsi lae nye agbadɔ si ƒo xlãe." data/train/PSA/PSA_025_Verse_022.mp3,Yehowa ƒe mɔwo katã nye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ na ame siwo léa eƒe nubablamenyawo ɖe asi. data/train/PSA/PSA_079_Verse_001.mp3,"Aʋaléleawo ƒe ŋeŋe neɖo gbɔwò, tsɔ wò asi ƒe ŋusẽ ɖe ame siwo wotso kufia na." data/train/PSA/PSA_014_Verse_002.mp3,"O! Xɔname ado tso Zion na Israel. Ne Yehowa gaɖo eƒe amewo ƒe nunyonamewo te la, na Yakob natso aseye, eye Israel nakpɔ dzidzɔ!" data/train/PSA/PSA_001_Verse_002.mp3,"Eya ta ame vɔ̃ɖi manɔ te le ʋɔnudrɔ̃gbe, alo nu vɔ̃ wɔlawo nanɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o." data/train/PSA/PSA_120_Verse_001.mp3,"Baba nam be mele Mesek, eye mele Kedar ƒe agbadɔwo me!" data/train/PSA/PSA_088_Verse_010.mp3,"Tso nye ɖekakpuime ke, mekpe hiã, eye meɖo kudo nu, mekpe fu le wò ŋɔdzidodowo ta, eye dzi ɖe le ƒonye." data/train/PSA/PSA_068_Verse_020.mp3,"Mawu, wò amewo yi ɖanɔ edzi, eye tso wò nu gbogboawo me, èna nu ame dahewo." data/train/PSA/PSA_078_Verse_005.mp3,"Amegbetɔ ɖu mawudɔlawo ƒe nuɖuɖu, eye wòɖo nuɖuɖu si sinu wohiã la ɖe wo." data/train/PSA/PSA_018_Verse_000.mp3,"Ame si dza le eƒe dzi me la, èɖea ɖokuiwò fianɛ be èdza, eye nèfiaa ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu." data/train/PSA/PSA_051_Verse_007.mp3,"Mèdia vɔsa o, anye ne metsɔe na wò; numevɔsa hã medoa dzidzɔ na wò o." data/train/PSA/PSA_033_Verse_011.mp3,"Midzi ha kple dzidzɔ na Yehowa, mi ame dzɔdzɔewo; edze mi ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la be woakafui." data/train/PSA/PSA_035_Verse_024.mp3,"Wonenɔ abe bli ƒe atsa si ya lɔ ɖe nu ene, eye Yehowa ƒe dɔla nenya wo ɖe du nu;" data/train/PSA/PSA_073_Verse_003.mp3,"Ame siwo le adzɔge tso gbɔwò la atsrɔ̃, elabena ètsrɔ̃ ame siwo katã meto nyateƒe na wo o." data/train/PSA/PSA_059_Verse_014.mp3,"Wole tsatsam le nuɖuɖu dim, eye ne womeɖi ƒo o la, wonɔa wòwóm." data/train/PSA/PSA_104_Verse_032.mp3,"Yae nye eƒe dɔtsɔlawo, eye dzo ƒe aɖewo nye eƒe dɔlawo." data/train/PSA/PSA_044_Verse_002.mp3,"Ètsɔ mí na be woavuvu mí abe alẽwo ene, eye nèkaka mí ɖe dukɔwo dome." data/train/PSA/PSA_016_Verse_009.mp3,"Metsɔ Yehowa ɖo ŋkunye me ɖaa, elabena ele nye nuɖusime, eya ta nyemavɔ̃ o." data/train/PSA/PSA_082_Verse_008.mp3,"“Womenya naneke o, womese naneke gɔme o. Wole zɔzɔm le blukɔ me, eye anyigba ƒe agunuwo katã ʋuʋu." data/train/PSA/PSA_074_Verse_005.mp3,"Nu ka ta nèhe wò asi, wò nuɖusi ɖe megbe ɖo? Ɖe wò asi doe le wò awu te, eye nàtsrɔ̃ wo!" data/train/PSA/PSA_090_Verse_002.mp3,Èkplɔa amewo dzonae to ku me; wole abe gbe mumu le ŋdi me ene. data/train/PSA/PSA_119_Verse_002.mp3,"Ame siwo le nu vɔ̃ɖiwo ɖom la gogo, gake wodidi tso wò se la gbɔ." data/train/PSA/PSA_066_Verse_013.mp3,"Migblɔ na Mawu be, “Wò dɔwɔwɔwo dziŋɔ loo! Wò ŋusẽ tri akɔ ale gbegbe be, wò futɔwo de ta agu na wò." data/train/PSA/PSA_015_Verse_004.mp3,"eye ameŋugbegblẽ mele aɖe dzi nɛ o, ame si mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye meƒoa ɖi nɔvia amegbetɔ o," data/train/PSA/PSA_074_Verse_017.mp3,"Wogblɔ le woƒe dzi me be, “Míagbã wo gudugudu!” Wotɔ dzo teƒe sia teƒe si wosubɔa Mawu le, le anyigba dzi." data/train/PSA/PSA_031_Verse_023.mp3,"Ƒu to anyi ɖe ŋunye, va kaba nàɖem, nànye nye xɔxɔ ƒe agakpe kple mɔ sesẽ ne nàɖem." data/train/PSA/PSA_119_Verse_095.mp3,"Nye aɖe adzi ha le wò nya la ŋu, elabena wò sededewo katã le dzɔdzɔe." data/train/PSA/PSA_107_Verse_053.mp3,"Wonesa akpedavɔ nɛ, eye woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo afia to aseyetsohawo me." data/train/PSA/PSA_088_Verse_003.mp3,"eye nuxaxa wɔe be nye ŋkuwo dzi tsyɔ. O! Yehowa, mele yɔwòm gbe sia gbe, eye meke nye abɔwo me na wò." data/train/PSA/PSA_124_Verse_004.mp3,"Míaƒe xɔname le Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla la gbɔ." data/train/PSA/PSA_050_Verse_002.mp3,"“Bu esia ŋuti, wò ame si ŋlɔ Mawu be, ne menye nenema o la, mavuvu wò kakɛkakɛ, eye ame aɖeke maxɔ wò le asinye o." data/train/PSA/PSA_071_Verse_012.mp3,"O! Mawu, mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o, O! Nye Mawu, va kaba nàxɔ nam." data/train/PSA/PSA_089_Verse_000.mp3,"Ame siwo katã to afi ma la hae, eye wòzu alɔmeɖenu na eƒe aƒelikawo." data/train/PSA/PSA_123_Verse_003.mp3,"O! Yehowa, kpɔ nublanui na mí, O! Kpɔ míaƒe nublanui, elabena míenɔ te ɖe vlododo nu eteƒe didi." data/train/PSA/PSA_069_Verse_024.mp3,"O! Yehowa, tɔ nam, le wò lɔlɔ̃ deto la ta, eye trɔ ɖe ŋutinye le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta." data/train/PSA/PSA_089_Verse_031.mp3,"“Ne viawo gblẽ nye sewo ɖi, eye womewɔ nye ɖoɖowo dzi o," data/train/PSA/PSA_103_Verse_022.mp3,"Yehowa ɖo eƒe fiazikpui anyi ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe le wo katã dzi ɖum." data/train/PSA/PSA_069_Verse_021.mp3,"O! Aƒetɔ, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, mègana ame siwo ƒe mɔkpɔkpɔ le mewò la naɖu ŋukpe le tanye o. O! Israel ƒe Mawu, ame siwo le diwòm la, mègana ŋu nakpe wo le tanye o." data/train/PSA/PSA_104_Verse_011.mp3,"eya ame si do mo ɖe anyigba dzi, eye anyigba dzo nyanyanya; eya ame si ka asi towo ŋu, eye wotu dzudzɔ." data/train/PSA/PSA_080_Verse_010.mp3,"O! Mawu, gaɖo mí te; na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, be míakpɔ xɔxɔ." data/train/PSA/PSA_085_Verse_001.mp3,"Ètsɔ wò dukɔ la ƒe vodada kee, eye nètsyɔ nu woƒe nu vɔ̃wo katã dzi. Sela" data/train/PSA/PSA_091_Verse_004.mp3,"Àɖo afɔ dzata kple ƒli dzi, eye ànya avuzi le dzata dziŋɔ kple da vɔ̃ɖi dzi." data/train/PSA/PSA_121_Verse_000.mp3,"eya ta ɣe maɖu wò le ŋkeke me loo, alo ɣleti le zã me o." data/train/PSA/PSA_009_Verse_003.mp3,"be maɖe wò kafukafu afia le Zion Vinyɔnu ƒe agbowo me, eye le afi ma matso aseye le ɖeɖe si nènam la ta." data/train/PSA/PSA_021_Verse_012.mp3,"Vavã ènae yayra si nu meyina o, eye nèna dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotsoe le ŋkuwò me." data/train/PSA/PSA_001_Verse_001.mp3,"Eya amea ɖi ati si wodo ɖe tɔʋuwo to, esi tsea ku le etseɣi, melũa xe o, eye nu sia nu si wòwɔna la, edzea edzi nyuie." data/train/PSA/PSA_138_Verse_007.mp3,"Togbɔ be Yehowa le dzi me ke hã la, ekpɔa ame dahewo gbɔ, ke edzea si dadala tso adzɔge." data/train/PSA/PSA_044_Verse_008.mp3,"Gake le tawò la, míekpɔa ku ŋkeke blibo la, eye wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene." data/train/PSA/PSA_035_Verse_002.mp3,"David ƒe ha. O! Yehowa, wɔ avu kple ame siwo le avu wɔm kplim; wɔ aʋa kple ame siwo le aʋa wɔm kplim." data/train/PSA/PSA_119_Verse_108.mp3,"O! Yehowa, mele wò xɔxɔ lalam, eye manɔ wò sededewo yome." data/train/PSA/PSA_102_Verse_022.mp3,"Nye futɔwo le alɔme ɖem le ŋunye ŋkeke blibo la, eye ame siwo tso ɖe ŋunye la tsɔ nye ŋkɔ wɔ ɖiŋudonui." data/train/PSA/PSA_044_Verse_022.mp3,"Togbɔ be míeŋlɔ wò be, alo da alakpa le wò nubabla la me o hã la, èna nu siawo katã va mía dzi." data/train/PSA/PSA_139_Verse_006.mp3,"Ètsɔm ɖe tome, le megbe kple ŋgɔ siaa, eye nèɖo wò asi dzinye." data/train/PSA/PSA_107_Verse_008.mp3,"Dɔ kple tsikɔ wu wo, eye nu te woƒe luʋɔ ŋu le wo me." data/train/PSA/PSA_099_Verse_000.mp3,"Eƒo nu na wo tso lilikpo dodo me, eye wolé se kple ɖoɖo siwo wòtsɔ na wo la me ɖe asi." data/train/PSA/PSA_047_Verse_004.mp3,"Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Miƒo asikpe, mi dukɔwo katã. Mitso aseye ɖe Mawu ŋu kple ɣli." data/train/PSA/PSA_035_Verse_006.mp3,"Gake ne mekli nu la, woƒoa ƒu koa nu hahaha, eye ne mele vo me la, futɔwo va ɖea to ɖem. Woɖea alɔme le ŋunye madzudzɔmadzudzɔe." data/train/PSA/PSA_089_Verse_037.mp3,"O! Yehowa, dziƒowo le wò nukunuwo kafum, kple wò nuteƒewɔwɔ hã le ame kɔkɔewo ƒe hame." data/train/PSA/PSA_050_Verse_007.mp3,"Ke Mawu le gbɔgblɔm na ame vɔ̃ɖi la be: “Mɔ ka nèkpɔ be nàxlẽ nye sewo afia, alo alé nye nubabla la ɖe nu?" data/train/PSA/PSA_147_Verse_004.mp3,"Ena ŋutifafa le wò liƒowo dzi, eye wòtsɔ mɔlu nyuitɔ ɖi ƒo na wòe." data/train/PSA/PSA_001_Verse_000.mp3,"Elabena Yehowa kpɔa ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ ta, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ atsrɔ̃ gbidii." data/train/PSA/PSA_108_Verse_000.mp3,Ame ka akplɔm ayi du sesẽ la mee? Ame ka akplɔm ayi Edom? data/train/PSA/PSA_022_Verse_006.mp3,"Elabena fiaɖuɖu la nye Yehowa tɔ, eye wòɖu fia ɖe dukɔwo dzi." data/train/PSA/PSA_034_Verse_009.mp3,"Meyɔ Yehowa, eye wòtɔ nam heɖem tso nye vɔvɔ̃wo katã me." data/train/PSA/PSA_124_Verse_008.mp3,"“Ɖe menye Yehowae le mía dzi o la, esi amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu," data/train/PSA/PSA_104_Verse_035.mp3,"Ɣleti dea vovototo ɣeyiɣiwo dome, eye ɣe nya ɣeyiɣi si wòaɖo to." data/train/PSA/PSA_106_Verse_033.mp3,Wobu esia dzɔdzɔenyenye nɛ hena dzidzime mavɔ siwo ava dzɔ. data/train/PSA/PSA_101_Verse_000.mp3,"Ame si nye ameblela la, manɔ aƒenye me o, eye ame si daa alakpa la matsi tsitre ɖe ŋkunye me o." data/train/PSA/PSA_069_Verse_012.mp3,"eƒe dɔlawo ƒe viwo atsɔe anyi domee, eye ame siwo lɔ̃ eƒe ŋkɔ la anɔ afi ma." data/train/PSA/PSA_126_Verse_005.mp3,"O! Yehowa, gaɖo míaƒe nunyonamewo te, abe tɔʋu si le Gbegbe ene." data/train/PSA/PSA_104_Verse_024.mp3,"O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya deto me, anyigba dzi yɔ fũu kple wò nuwɔwɔwo." data/train/PSA/PSA_051_Verse_005.mp3,"Klɔ nye vodadawo katã ɖa, eye nàle tsi nam ŋunye nakɔ tso nye nu vɔ̃wo me." data/train/PSA/PSA_105_Verse_031.mp3,"“Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ nu vevi nye nyagblɔɖilawo o.”" data/train/PSA/PSA_139_Verse_012.mp3,"Ne megblɔ be, “Vavã, viviti la ana maɣla, eye kekeli azu zã aƒo xlãm” la," data/train/PSA/PSA_105_Verse_017.mp3,"Eƒo nu, eye tagbatsutsu kple togbato ƒe ha gã aɖe va xɔ woƒe dukɔ la katã me." data/train/PSA/PSA_105_Verse_041.mp3,Wowɔ eƒe dzesi gãwo le wo dome kple eƒe nukunuwo le Hamnyigba dzi. data/train/PSA/PSA_102_Verse_026.mp3,"Wò dɔlawo ƒe viwo anɔ ŋkuwò me, eye woaɖo woƒe dzidzimeviwo anyi le ŋkuwò me.”" data/train/PSA/PSA_115_Verse_001.mp3,"asi li na wo, gake wometea nu kpɔna o, afɔ li na wo, gake womate ŋu azɔ loo, alo aƒo nu to ve me o." data/train/PSA/PSA_097_Verse_011.mp3,"Zion see, dzi dzɔe, eye Yuda ƒe kɔƒewo hã tso aseye le wò afia nyui tsotsowo ta, o Yehowa." data/train/PSA/PSA_078_Verse_043.mp3,"Ke boŋ etia Yuda ƒe to la, esi nye Zion to si wòlɔ̃na vevie." data/train/PSA/PSA_078_Verse_040.mp3,"Eɖo ŋku edzi be ŋutilã ko wonye, eye wonye ya si ƒona yina gake megatrɔna gbɔna o." data/train/PSA/PSA_014_Verse_000.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Bometsila gblɔna le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame tovowo, eye woƒe nuwɔnawo nye ŋunyɔnu; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele wo dome si wɔa nu nyui o." data/train/PSA/PSA_055_Verse_020.mp3,"Vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém, eye ŋɔdzi gbagba blam." data/train/PSA/PSA_073_Verse_020.mp3,"O! Aƒetɔ, abe ale si drɔ̃e nɔna ne ame nyɔ tso alɔ̃ me ene la, do vlo wo abe drɔ̃e manyatalenu ene." data/train/PSA/PSA_039_Verse_007.mp3,"Nye dzi xɔ dzo ɖe dɔ me nam; esi mele ŋugble dem la, exɔ dzo ɖe edzi; tete meƒo nu kple nye aɖe." data/train/PSA/PSA_119_Verse_091.mp3,"Nu te nye ŋkuwo ŋu, le mɔkpɔkpɔ na wò ŋugbedodo la ta. Megblɔ be, “Ɣe ka ɣi nàfa akɔ nam?”" data/train/PSA/PSA_078_Verse_064.mp3,"Woŋlɔ nu si wòwɔ la be, esiwo nye nukunu siwo wòɖe fia wo." data/train/PSA/PSA_039_Verse_011.mp3,Ɖe wò tohehe si le dzinye la ɖa; wò asi va dzinye kple ŋusẽ ale metsi anyigba. data/train/PSA/PSA_070_Verse_001.mp3,"Ke ame siwo dia wò la netso aseye; woakpɔ dzidzɔ le mewò, eye ame siwo lɔ̃a wò xɔname la negblɔ ɖaa be, “Woado Mawu ɖe dzi ɖaa!”" data/train/PSA/PSA_044_Verse_005.mp3,"Ètsɔ wò asi nya dukɔwo, eye nètsɔ mía fofowo ɖo wo teƒe. Ègbã dukɔwo gudugudu, ke èna mía fofowo ya dzi ɖe edzi." data/train/PSA/PSA_020_Verse_001.mp3,"Ame mawo la, wodzea klo, eye wodzea anyi, ke míawo ya, míenɔa tsitre, eye míedzɔna kã." data/train/PSA/PSA_089_Verse_042.mp3,"Vavã, míaƒe akpoxɔnu nye Yehowa tɔ, miaƒe fia nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la." data/train/PSA/PSA_119_Verse_144.mp3,Wò nya la nye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye mɔ. data/train/PSA/PSA_054_Verse_005.mp3,"O! Mawu, se nye gbedodoɖa, eye nàƒu to anyi ɖe nye numenyawo ŋu." data/train/PSA/PSA_081_Verse_005.mp3,"Esi Mawu tso ɖe Egiptetɔwo ŋu la, eɖoe anyi be wòanye se na Yosef, afi si míese gbegbɔgblɔ si gɔme míese o la le:" data/train/PSA/PSA_121_Verse_008.mp3,"Yehowae nye tawòkpɔla, Yehowae nye wò vɔvɔli le wò nuɖusime" data/train/PSA/PSA_012_Verse_006.mp3,"Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to, eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ. Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.”" data/train/PSA/PSA_032_Verse_003.mp3,"Esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖii ŋkeke blibo la katã na nye ƒuwo nyunyɔ." data/train/PSA/PSA_002_Verse_011.mp3,"Tete wòka mo na wo le eƒe dɔmedzoe me, eye wòdo ŋɔdzi na wo le eƒe dziku helĩhelĩ me hegblɔ be," data/train/PSA/PSA_118_Verse_006.mp3,"Esia nye ŋkeke si Yehowa wɔ, mina míakpɔ dzidzɔ, atso aseye le eme." data/train/PSA/PSA_078_Verse_010.mp3,"Ekema woatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe Mawu dzi, eye womaŋlɔ eƒe nuwɔwɔwo be o, ke boŋ woalé eƒe sewo me ɖe asi." data/train/PSA/PSA_105_Verse_036.mp3,"va se ɖe esime nya si wògblɔ ɖi la va eme, eye va se ɖe esime Yehowa ƒe nya naɖo kpe edzi, be nya si wògblɔ la nye nyateƒe." data/train/PSA/PSA_073_Verse_024.mp3,"Wogblɔ be, “Aleke Mawu awɔ anya? Ɖe nunya le Dziƒoʋĩtɔ la sia?”" data/train/PSA/PSA_040_Verse_005.mp3,"eya ta meɖo ŋu be, “Nyee nye si meva; agbalẽ mee woŋlɔe ɖo tso ŋutinye." data/train/PSA/PSA_020_Verse_000.mp3,"Ame aɖewo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖamwo ŋu, eye ame aɖewo ɖoa dzi ɖe sɔwo ŋu, ke míawo ya míeɖo dzi ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ŋu." data/train/PSA/PSA_019_Verse_011.mp3,"Yehowa ƒe se la de blibo, enaa agbegbɔgbɔ luʋɔ! Yehowa ƒe ɖoɖowo le eteƒe, eye wonana bometsilawo dzea nunya." data/train/PSA/PSA_038_Verse_004.mp3,"Elabena megblɔ be, “Mègana be woakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋutinye, alo woado wo ɖokui ɖe dzi ɖe ŋutinye ne nye afɔ ɖiɖi o.”" data/train/PSA/PSA_101_Verse_001.mp3,"Ame siwo ƒe dzi to vo la, ate ɖa xaa tso gbɔnye, kadodo aɖeke mele nye kple nu vɔ̃ɖi dome o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_107.mp3,"O! Yehowa, le zã me la, meɖoa ŋku wò ŋkɔ dzi, eye malé wò sewo me ɖe asi." data/train/PSA/PSA_119_Verse_046.mp3,"Mazɔ le ablɔɖe me, elabena medi wò ɖoɖowo yomemɔ." data/train/PSA/PSA_075_Verse_006.mp3,"maŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzowo, ke woado ame dzɔdzɔewo ƒe dzowo ɖe dzi." data/train/PSA/PSA_040_Verse_009.mp3,"Mèdi vɔsa kple nunana, alo bia numevɔsa kple akpedavɔsa o, ke boŋ èʋu nye towo be mase wò gbe," data/train/PSA/PSA_074_Verse_023.mp3,"Ɖo ŋku ame siwo nèƒle le blema, dukɔ si nye wò domenyinu, ame siwo nèɖe kple Zion, to afi si nènɔ la dzi." data/train/PSA/PSA_051_Verse_002.mp3,"Ekema mafia wò mɔwo dzidalawo, eye nu vɔ̃ wɔlawo atrɔ ava gbɔwò." data/train/PSA/PSA_057_Verse_008.mp3,"Mele dzatawo dome, memlɔ lã lénuwo dome, amegbetɔ siwo ƒe aɖuwo nye akplɔwo kple aŋutrɔwo, eye woƒe aɖewo nye yi ɖaɖɛwo." data/train/PSA/PSA_104_Verse_017.mp3,"Ke nu vɔ̃ wɔlawo netsrɔ̃ ɖa le anyigba dzi, eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o. O! Luʋɔnye, kafu Yehowa. Mikafu Yehowa." data/train/PSA/PSA_118_Verse_001.mp3,Aron ƒe aƒe la negblɔ be; “Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.” data/train/PSA/PSA_068_Verse_001.mp3,"anyigba ʋuʋu, dziƒowo dza tsi bɔbɔbɔ le Mawu, si nɔ Sinai la ŋkume, le Mawu, Israel ƒe Mawu la ŋkume." data/train/PSA/PSA_031_Verse_007.mp3,"Makpɔ dzidzɔ, eye matso aseye le wò lɔlɔ̃ la me, elabena èkpɔ nye hiã henya nye luʋɔ ƒe nuxaxa." data/train/PSA/PSA_137_Verse_004.mp3,"eye nye aɖe nelé ɖe nye nu me, ne nyemeɖo ŋku dziwò o, ne nyemebu Yerusalem, nye dzidzɔ kɔkɔtɔ kekeake o." data/train/PSA/PSA_093_Verse_004.mp3,"Woɖo wò fiazikpui anyi tso blema ke, eye nèli tso mavɔ me ke." data/train/PSA/PSA_085_Verse_002.mp3,Èɖe asi le wò dzikudodo helĩhelĩ ŋuti eye nèdzudzɔ dɔmedzoe kaɖikaɖi dodo. data/train/PSA/PSA_109_Verse_009.mp3,"eya ta netae abe avɔ ene, eye nebla ali dzi nɛ abe alidziblaka ene tegbetegbe." data/train/PSA/PSA_002_Verse_005.mp3,"Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe sedede la; Yehowa gblɔ nam be, “Wòe nye vinye ŋutsu, egbea mezu fofowò." data/train/PSA/PSA_064_Verse_001.mp3,Ana woawo ŋutɔ ƒe aɖe nade wo nya me eye wòahe wo ade tsɔtsrɔ̃ me. Ame siwo katã akpɔ wo la aʋuʋu ta ɖe wo ŋu fewuɖutɔe. data/train/PSA/PSA_122_Verse_001.mp3,"Afi ma woɖo ʋɔnudrɔ̃zikpuiwo ɖo, David ƒe aƒe la ƒe fiazikpuiwo." data/train/PSA/PSA_081_Verse_006.mp3,Esia nye se na Israel kple ɖoɖo na Yakob ƒe Mawu la. data/train/PSA/PSA_119_Verse_056.mp3,"Mekafua wò zi adre le ŋkeke me, le wò se dzɔdzɔeawo ta." data/train/PSA/PSA_122_Verse_006.mp3,"O! Yerusalem, míaƒe afɔwo le wò agbowo nu." data/train/PSA/PSA_036_Verse_009.mp3,"Wò aƒemenu gbogboawo nye nuɖuɖu na wo, eye nènaa tsi wo wonona tso wò dzidzɔtɔsisi la me." data/train/PSA/PSA_068_Verse_021.mp3,Mawu ƒe tasiaɖamwo nye akpe nanewo kple akpe teƒe akpewo; Aƒetɔ la tso Sinai va ɖo eƒe teƒe kɔkɔe la. data/train/PSA/PSA_133_Verse_002.mp3,"Ele abe Hermon zãmue le dzadzam ɖe Zion to dzi ene, elabena afi mae Yehowa kɔ yayra kple agbe gɔ̃ hã ɖo tegbetegbe." data/train/PSA/PSA_047_Verse_000.mp3,"Dukɔwo ƒe bubumewo ɖi anyi abe Abraham ƒe Mawu la ƒe amewo ene, elabena anyigbadzifiawo nye Mawu tɔ, elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo." data/train/PSA/PSA_050_Verse_014.mp3,"Ne dɔe le wuyem la, nyemagblɔe na wò o, elabena xexea me kple nu siwo katã le eme la nye tɔnye." data/train/PSA/PSA_037_Verse_037.mp3,"Zi kpoo le Yehowa ŋkume, eye nànɔ eƒe asinu kpɔm le dzigbɔɖi me. Ne amewo ƒe mɔwo dze edzi na wo, eye wote ŋu wɔ nu vɔ̃ɖi siwo woɖo la, mègavɔ̃ nàdzo nyanyanya o." data/train/PSA/PSA_051_Verse_010.mp3,"Na nu nadze edzi na Zion le wò didi nyui la nu, eye nàɖo Yerusalem ƒe gliwo te." data/train/PSA/PSA_119_Verse_102.mp3,"Nyemedzo le wò sewo gbɔ o, elabena wò ŋutɔe fia num." data/train/PSA/PSA_107_Verse_021.mp3,"Eyra wo, eye woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ŋutɔ. Nenema ke mena woƒe lãhawo dzi ɖe kpɔtɔ o." data/train/PSA/PSA_078_Verse_024.mp3,"Esi wòtsɔ nu ƒo agakpe la, tsi do bababa, eye tɔʋuwo si kplakplakpla. Gake ɖe wòate ŋu ana nuɖuɖu mía? Ate ŋu ana lã eƒe dukɔa?”" data/train/PSA/PSA_119_Verse_085.mp3,"Na maɖe afɔ le wò nya la nu, eye mègana nu vɔ̃ aɖeke naɖu dzinye o." data/train/PSA/PSA_044_Verse_003.mp3,"Ètsɔ mí wɔ lodonu le dukɔwo dome, eye amewo ʋuʋua ta ɖe mía ŋu ne wokpɔ mí." data/train/PSA/PSA_119_Verse_064.mp3,"Mele wò sewo dim vevie ŋutɔ! Le wò dzɔdzɔenyenye ta, ɖe nye agbe." data/train/PSA/PSA_078_Verse_041.mp3,"Gake ekplɔ eƒe dukɔ la abe lãhawo ene, eye wòkplɔ wo abe alẽwo ene to gbedzi." data/train/PSA/PSA_105_Verse_008.mp3,Elabena eɖo ŋku eƒe ŋugbe kɔkɔe si wòdo na eƒe dɔla Abraham la dzi. data/train/PSA/PSA_135_Verse_007.mp3,"Eƒo dukɔ geɖewo ƒu anyi, eye wòwu fia sesẽwo." data/train/PSA/PSA_070_Verse_002.mp3,"Ke nye la, O Mawu, meda ahe, eye hiã tum, eya ta va gbɔnye kaba. O! Yehowa, mègahe ɖe megbe o, elabena wòe nye nye xɔnametɔ kple nye Ɖela." data/train/PSA/PSA_116_Verse_002.mp3,"Esi wòtrɔ to ɖe gbɔnye ta la, mayɔe zi ale si mele agbe." data/train/PSA/PSA_038_Verse_000.mp3,"Ame geɖewoe nye nye futɔ gãwo, eye ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la sɔ gbɔ ŋutɔ." data/train/PSA/PSA_107_Verse_035.mp3,"Wole mumum sɔgɔsɔgɔsɔgɔ, le nu klim abe ame siwo mu aha ene, eye womegale naneke gɔme sem o." data/train/PSA/PSA_122_Verse_008.mp3,"Wotso Yerusalem, eye nèle abe du si tsyia ɖe wo nɔewo nu ene." data/train/PSA/PSA_027_Verse_009.mp3,"Nye dzi le gbɔgblɔm le ŋuwò be, “Di eƒe ŋkume!” Yehowa, wò ŋkumee madi." data/train/PSA/PSA_078_Verse_002.mp3,"Ale wògblẽ agbadɔ si le Silo la ɖi, agbadɔ si wòtu ɖe amegbetɔwo dome." data/train/PSA/PSA_106_Verse_039.mp3,"Wotsɔ Baal Peor ƒe kɔkuti ku kɔ na wo ɖokuiwo, eye woɖu nu siwo wotsɔ sa vɔ̃e na mawu siwo me agbe mele o." data/train/PSA/PSA_037_Verse_024.mp3,"Lala nàkpɔ Yehowa ƒe asinu, eye nàlé eƒe mɔ ɖe asi. Ado wò ɖe dzi be nànyi anyigba la ƒe dome. Ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe." data/train/PSA/PSA_119_Verse_175.mp3,"Ʋli tanye, eye nàɖem, kpɔ nye agbe ta le wò ŋugbedodo la nu." data/train/PSA/PSA_059_Verse_001.mp3,"fia wo kple dziku, fia wo va se ɖe esime womaganɔ anyi o. Ekema woanya va se ɖe anyigba la ƒe mlɔenu ke, be Mawue nye fia ɖe Yakob dzi. Sela" data/train/PSA/PSA_045_Verse_012.mp3,"O! Mawu, wò fiazikpui ali ke tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò fiaɖuƒe la ƒe tsiamiti anye nuteƒewɔwɔ ƒe atikplɔ." data/train/PSA/PSA_045_Verse_007.mp3,"Kotoklobo, lifi kple atike ʋeʋĩ le ya ɖem le wò awuwo me. Kasaŋkuwo na nèle aseye tsom le wò nyiɖufiasawo me." data/train/PSA/PSA_072_Verse_013.mp3,"Fiawo katã ade ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe," data/train/PSA/PSA_088_Verse_011.mp3,"Wò dziku helĩhelĩ le dzinye vevie, eye nètsɔ wò ƒutsotsoewo tsyɔ dzinye. Sela" data/train/PSA/PSA_066_Verse_001.mp3,"Anyigba la katã de ta agu na wò, wole kafukafuha dzim na wò, wole kafukafuha dzim na wò ŋkɔ.” Sela" data/train/PSA/PSA_018_Verse_024.mp3,"Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadzaa; eɖem, elabena nye nu nyo eŋu." data/train/PSA/PSA_119_Verse_009.mp3,"Dadalawo ɖua fewu le ŋunye faa, gake nyemetrɔ le wò se la yome o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_067.mp3,Menye xɔ̃ na ame siwo katã vɔ̃a wò kple ame siwo katã dze wò sewo yome. data/train/PSA/PSA_084_Verse_004.mp3,"O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Fianye kple Mawunye, sagbadre gɔ̃ hã kpɔ nɔƒe, eye atsutsrɔe wɔ atɔ na eɖokui, afi si wòatsɔ viawo ada ɖo, be wòate ɖe wò vɔsamlekpui la ŋu." data/train/PSA/PSA_089_Verse_029.mp3,"Meke ɖe David, nye dɔla ŋu, eye mesi ami nɛ kple nye ami kɔkɔe." data/train/PSA/PSA_069_Verse_032.mp3,Woƒe kplɔ̃ si woɖo na wo la nezu mɔ na wo; nezu teƒeɖoɖo kple mɔ na wo. data/train/PSA/PSA_089_Verse_038.mp3,"O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, ame kae ɖi wò? O! Yehowa, wò la, ŋusẽtɔe nènye, eye wò nuteƒewɔwɔ ƒo xlã wò." data/train/PSA/PSA_080_Verse_008.mp3,"ke si wò nuɖusi do, viŋutsu si wò ŋutɔ nèhe wòtsi." data/train/PSA/PSA_139_Verse_003.mp3,Elabena wòe wɔ nye ememe ke; eye nèlém ƒo ƒu ɖe danye ƒe dɔ me. data/train/PSA/PSA_095_Verse_006.mp3,"Medo dɔmedzoe ɖe dzidzime ma ŋu ƒe blaene sɔŋ, megblɔ be, “Wonye ame siwo ƒe dzi tra mɔ, eye womenya nye mɔwo o.”" data/train/PSA/PSA_089_Verse_027.mp3,"Maɖo eƒe ƒome anyi tegbee, eye zi ale si dziƒo li la, nenema ke eƒe fiazikpui hã anɔ anyii." data/train/PSA/PSA_031_Verse_009.mp3,"Mese ame geɖewo ƒe ameŋugblẽnyawo; ŋɔdzi ɖe to ɖem, wode adaŋu tso ŋunye, eye woɖo nugbe be yewoaɖe nye agbe ɖa." data/train/PSA/PSA_068_Verse_030.mp3,"O! Mawu, ŋɔdzi le ŋuwò le wò kɔkɔeƒe la; Israel ƒe Mawu la na ŋusẽ kple ŋutete eƒe dukɔ la. Woakafu Mawu!" data/train/PSA/PSA_107_Verse_032.mp3,"Wo dometɔ aɖewo zu bometsilawo to woƒe aglãdzenuwo wɔwɔ me, eye wokpe fu le woƒe dzidadawo ta." data/train/PSA/PSA_043_Verse_004.mp3,"Wòe nye Mawu, nye mɔ sesẽ. Nu ka ta nègbem ɖo? Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?" data/train/PSA/PSA_046_Verse_003.mp3,"Hoowɔwɔ ɖo dukɔwo me, fiaɖuƒewo mu; ekɔ eƒe gbe dzi, tete anyigba lolo." data/train/PSA/PSA_081_Verse_004.mp3,"Egblɔ be, “Meɖe agba la ɖa le woƒe abɔta, eye woɖe woƒe asiwo ɖa le kusi la ŋuti." data/train/PSA/PSA_072_Verse_007.mp3,"Bli nedo agbogbo ɖe anyigba la katã dzi; eye neʋã ɖe togbɛwo katã dzi. Blitiawo netri abe Lebanontɔwo ene, eye woanɔ abe gbe le gbedzi ene." data/train/PSA/PSA_119_Verse_081.mp3,"Na gɔmesesem, ekema malé wò se la me ɖe asi, eye mawɔ edzi kple nye dzi blibo." data/train/PSA/PSA_112_Verse_005.mp3,"Mavɔ̃ naneke o, elabena dzi le eƒo; eye mlɔeba la, akpɔ eƒe futɔwo ta ɖa le dziɖuɖu me." data/train/PSA/PSA_115_Verse_007.mp3,"Menye ame kukuwoe kafua Yehowa o, menye ame siwo zi ɖoɖoe le aʋlimee o;" data/train/PSA/PSA_021_Verse_005.mp3,"elabena ne èdidi wò aŋutrɔ ɖe wo dzi la, woatrɔ ʋu me ade wò adzo." data/train/PSA/PSA_031_Verse_024.mp3,"Ɖem le mɔ si woɖo ɖi nam la me, elabena wòe nye nye mɔ sesẽ." data/train/PSA/PSA_051_Verse_004.mp3,"Gbugbɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzidzɔ de menye, eye nàna gbɔgbɔ si le klalo la be wòalém ɖe asi." data/train/PSA/PSA_038_Verse_008.mp3,"Megbɔdzɔ, hegba gudugudu, eye mele ŋeŋem le nye dzi ƒe vevesese ta." data/train/PSA/PSA_065_Verse_003.mp3,"Èlé be na anyigba, de aɖui wòsui nyuie, eye nède tsii fũu. Tsi yɔ Mawu ƒe tɔʋuwo banaa, ne wòana bli eƒe dukɔ, elabena nenema nèɖoe." data/train/PSA/PSA_037_Verse_028.mp3,"Nu ʋɛ si le ame dzɔdzɔewo si la nyo wu kesinɔnu gbogbo siwo le ame vɔ̃ɖiwo si," data/train/PSA/PSA_113_Verse_009.mp3,"Yehowa nye gã ɖe dukɔwo katã dzi, eye eƒe ŋutikɔkɔe gbɔ dziƒowo ta." data/train/PSA/PSA_041_Verse_001.mp3,"“Dɔléle vɔ̃ɖi aɖe dze edzi, magatso le afi si wòmlɔ la akpɔ gbeɖe o.”" data/train/PSA/PSA_035_Verse_009.mp3,"Ke ame siwo dzɔ dzi be nètso afia nam la nedo dzidzɔɣli kple aseyetsoɣli. Wonenɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Woado Yehowa, ame si dzɔa dzi le eƒe dɔla ƒe dedinɔnɔ ŋu la ɖe dzi.”" data/train/PSA/PSA_040_Verse_008.mp3,"Medi be mawɔ wò lɔlɔ̃nu, O! Nye Mawu, woŋlɔ wò se la ɖe nye dzi me.”" data/train/PSA/PSA_022_Verse_020.mp3,Nyitsu geɖewo ɖe to ɖem; Basan nyitsu sesẽwo ƒo xlãm. data/train/PSA/PSA_067_Verse_001.mp3,"Dukɔwo akpɔ dzidzɔ, adzi ha, atso aseye, elabena èɖu dukɔwo dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye nèkplɔ anyigbadzidukɔwo. Sela" data/train/PSA/PSA_068_Verse_031.mp3,"O! Mi anyigbadzifiaɖuƒewo, midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na Aƒetɔ la, Sela" data/train/PSA/PSA_078_Verse_020.mp3,"Enuenu wotea Mawu kpɔna, eye wodoa dziku na Israel ƒe Kɔkɔetɔ la." data/train/PSA/PSA_043_Verse_005.mp3,"Ɖo wò kekeli kple nyateƒe ɖa, ne woakplɔm; na woakplɔm ayi ɖe wò to kɔkɔe la dzi, afi si nènɔna." data/train/PSA/PSA_104_Verse_027.mp3,"To kɔkɔwo nye gbemegbɔ̃wo tɔ, eye agakpewo tome zu bebeƒe na hlɔ̃madɛwo." data/train/PSA/PSA_111_Verse_008.mp3,"Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, eye ame siwo katã léa eƒe sewo me ɖe asi la, gɔmesese nyui sua wo si. Eya tɔe nye kafukafu tegbee." data/train/PSA/PSA_119_Verse_094.mp3,Nuxaxa na nye luʋɔ gbɔdzɔ; do ŋusẽm le wò nya la nu. data/train/PSA/PSA_106_Verse_044.mp3,"Woŋlɔ Mawu si ɖe wo la be, Mawu si wɔ nu gãwo na wo le Egipte" data/train/PSA/PSA_132_Verse_004.mp3,"Le David, wò dɔla ta la, mègagbe wò amesiamina la o." data/train/PSA/PSA_023_Verse_006.mp3,"Vavãe, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyeme le nye agbemeŋkekewo katã me, eye manɔ Yehowa ƒe aƒe me ɖaa." data/train/PSA/PSA_062_Verse_004.mp3,"Mawu gblɔ nya ɖeka, eye mese nu eve le eme be, “Wò, O Mawu, ɖeka koe sesẽ," data/train/PSA/PSA_119_Verse_143.mp3,"Wò nuɖoanyiwo le dzɔdzɔe ɖaa, eya ta na gɔmesesem, be manɔ agbe." data/train/PSA/PSA_147_Verse_008.mp3,"Eƒe dzidzɔ mele sɔ ƒe ŋusẽ me loo, alo amegbetɔ ƒe afɔ me o;" data/train/PSA/PSA_145_Verse_008.mp3,"O! Yehowa, ame siwo katã nèwɔ la akafu wò, eye wò ame kɔkɔewo ado wò ɖe dzi." data/train/PSA/PSA_004_Verse_006.mp3,"Misa vɔ siwo le dzɔdzɔe, eye miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu." data/train/PSA/PSA_083_Verse_011.mp3,"O! Nye Mawu, wɔ wo abe betsyo kple blitsa si ya lɔ ɖe nu ene." data/train/PSA/PSA_082_Verse_007.mp3,"“Va se ɖe ɣe ka ɣi miaʋli ame baɖa la ta, eye miatso afia ade ame vɔ̃ɖi la dzi?” Sela" data/train/PSA/PSA_106_Verse_000.mp3,"Ale wòtsɔ nu si biam wole la na wo, gake eɖo dɔvɔ̃ ɖe wo dome." data/train/PSA/PSA_115_Verse_011.mp3,"Nu ka ta dukɔwo le gbɔgblɔm be, “Afi ka woƒe Mawu la le?”" data/train/PSA/PSA_033_Verse_007.mp3,"Eƒo atsiaƒumetsiwo nu ƒu ɖe kpluwo me, eye wòdzra tɔ goglowo ɖo ɖe nudzraɖoƒewo." data/train/PSA/PSA_104_Verse_007.mp3,Esiawo katã le asiwò nu kpɔm be nàna nuɖuɖu yewo le wo naɣi. data/train/PSA/PSA_086_Verse_010.mp3,"O! Aƒetɔ, kpɔ nye nublanui, elabena mele yɔwòm ŋkeke blibo la." data/train/PSA/PSA_113_Verse_007.mp3,Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso fifia yi ɖe mavɔ me ke. data/train/PSA/PSA_044_Verse_000.mp3,"Anyigba mesu wo si to woawo ŋutɔ ƒe yi dzi loo, alo woawo ŋutɔ ƒe alɔe ɖu dzi na wo o, ke boŋ wò nuɖusi, wò alɔ kple wò mo ƒe kekelie xɔ na wo, elabena èlɔ̃ wo." data/train/PSA/PSA_018_Verse_030.mp3,"Meti nye futɔwo yome, eye metu wo. Nyemetrɔ le wo yome o, va se ɖe esime wotsrɔ̃." data/train/PSA/PSA_088_Verse_000.mp3,"elabena nye luʋɔ yɔ fũu kple xaxawo, eye nye agbe ɖo kudo nu." data/train/PSA/PSA_089_Verse_018.mp3,"Gake ègbe, èdo vlo, eye nèdo dɔmedzoe ɖe wò amesiamina ŋu vevie." data/train/PSA/PSA_019_Verse_000.mp3,Ame kae ate ŋu ade dzesi nu gbegblẽ si wòwɔ? Tsɔ nye vodada siwo metsɔ ɣla la kem. data/train/PSA/PSA_032_Verse_005.mp3,"Mawumemewo katã nedo gbe ɖa na wò zi ale si nèli kpli wo, elabena enye nyateƒe be ne tɔsisi gãwo ɖɔ la, womade wo gbɔ o." data/train/PSA/PSA_078_Verse_057.mp3,"Togbɔ be aŋutrɔwo le Efraimtɔwo si hã la, wotrɔ megbe si dzo le aʋakpegbe." data/train/PSA/PSA_047_Verse_005.mp3,"Mawu yi dzi kple aseyetsotso, Yehowa yi dzi kple kpẽ ƒe ɖiɖi." data/train/PSA/PSA_089_Verse_001.mp3,"Amegbetɔ kae anɔ agbe, eye maku o, alo aɖe eɖokui tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me? Sela" data/train/PSA/PSA_083_Verse_014.mp3,"Wogblɔ be, “Miva, míatsrɔ̃ wo, be womaganye dukɔ o, eye womagaɖo ŋku Israel ƒe ŋkɔ dzi akpɔ gbeɖe o.”" data/train/PSA/PSA_003_Verse_004.mp3,"O, Yehowa, ke wò la, ènye akpoxɔnu ƒo xlãm; ètsɔ ŋutikɔkɔe kɔ ɖe dzinye, eye nèkɔ nye ta dzi." data/train/PSA/PSA_105_Verse_028.mp3,"Mida akpe na Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome." data/train/PSA/PSA_072_Verse_016.mp3,"Tarsis fia kple didiƒe ƒutatɔwo ahe adzɔ vɛ nɛ, eye Sieba kple Seba fiawo atsɔ nunanawo vɛ nɛ." data/train/PSA/PSA_099_Verse_003.mp3,"Mido Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe dzi, eye misubɔe le eƒe to kɔkɔe la dzi, elabena Yehowa, míaƒe Mawu la le kɔkɔe." data/train/PSA/PSA_127_Verse_000.mp3,"Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi, henɔa agbagba dzem le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ, ke ame siwo wòlɔ̃na la, enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme." data/train/PSA/PSA_131_Verse_002.mp3,"O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔmavɔ me ke." data/train/PSA/PSA_039_Verse_003.mp3,"Èkaa mo, eye nèhea to na amewo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta; ègblẽa woƒe kesinɔnuwo dome abe agbagblaʋui ene, ale amegbetɔ ɖe sia ɖe le abe ƒuƒu ko ene. Sela." data/train/PSA/PSA_090_Verse_009.mp3,"Míaƒe ŋkekewo katã nu va yi le wò dziku ta, eye míewu míaƒe ƒewo nu kple ŋeŋe." data/train/PSA/PSA_055_Verse_004.mp3,"gake wò, ŋutsu abe nye ene, xɔ̃nye vevi kple nye kpeɖeŋutɔ," data/train/PSA/PSA_078_Verse_001.mp3,"ale be dzidzime megbetɔwo hã nanya wo, eye vi siwo womedzi haɖe o hã nanya wo, ne woawo hã nafia wo viwo." data/train/PSA/PSA_104_Verse_001.mp3,"Atsiaƒue nye ekem, elolo hekeke, lã siwo mele xexlẽme o la yɔe, nenema kee nye nu gbagbe bubuwo hã, suewo kple gãwo siaa." data/train/PSA/PSA_086_Verse_013.mp3,"O! Yehowa, fia wò mɔm, eye mazɔ le wò nyateƒe la me; tsɔ dzi si to mɔ ɖeka la nam, ale be mavɔ̃ wò ŋkɔ." data/train/PSA/PSA_057_Verse_000.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. Ekpa ha sia esi wòsi le Saul nu yi ɖabe ɖe agado aɖe me. Kpɔ nye nublanui, O! Mawu, kpɔ nye nublanui, elabena wò mee nye luʋɔ kpɔ sitsoƒe le. Wò aʋala ƒe vɔvɔli te mabe ɖo va se ɖe esime gbegblẽ la nu nava yi." data/train/PSA/PSA_057_Verse_011.mp3,"O! Aƒetɔ, makafu wò le dukɔwo dome, eye madzi ha na wò le dukɔwo dome," data/train/PSA/PSA_057_Verse_009.mp3,"Nye dzi li ke sesĩe, O Mawu, nye dzi li ke sesĩe, eya ta madzi ha aƒo saŋku." data/train/PSA/PSA_046_Verse_004.mp3,"Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe alamot ƒe gbeɖiɖi nu. Mawue nye míaƒe sitsoƒe kple ŋusẽ, xɔnametɔ si li ɖaa kpli mí le xaxawo me." data/train/PSA/PSA_080_Verse_007.mp3,"Gbehawo nya avuzi le edzi, eye gbemelãwo ɖui." data/train/PSA/PSA_022_Verse_010.mp3,"Ke nye la, ŋɔ menye, menye amegbetɔ o, elabena amewo ɖu fewu le ŋunye, eye wodo vlom." data/train/PSA/PSA_091_Verse_000.mp3,"Akpe adze anyi ɖe axawò, eye akpe ewo ɖe wò nuɖusime, ke wò la, mate ɖe ŋuwò o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_088.mp3,"Nenye ɖe wò se la menye nye dzidzɔ o la, anye ne metsrɔ̃ le nye hiãkame me." data/train/PSA/PSA_025_Verse_007.mp3,"Nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye nedzɔ ŋunye, elabena nye mɔkpɔkpɔ le mewò." data/train/PSA/PSA_078_Verse_008.mp3,"Efe agakpe me le gbegbe, eye wòna tsi wo wòsɔ gbɔ abe atsiaƒumetsiwo ene." data/train/PSA/PSA_119_Verse_156.mp3,"Woayra ame siwo léa eƒe ɖoɖowo me ɖe asi, eye wodinɛ kple woƒe dzi blibo." data/train/PSA/PSA_119_Verse_022.mp3,"Esusɔ vie woɖem ɖa le anyigba dzi kloe, gake nyemeŋlɔ wò ɖoɖowo be o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_148.mp3,"Wò sededewo doa dzidzɔ nam, nyemaŋlɔ wò nya la be o." data/train/PSA/PSA_009_Verse_020.mp3,Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me; ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me. Ŋugbledede. Sela data/train/PSA/PSA_116_Verse_004.mp3,Eƒe ame kɔkɔewo ƒe ku nye nu xɔasi le Yehowa ŋkume. data/train/PSA/PSA_088_Verse_016.mp3,Ɖe nàte ŋu aɖe wò nukunuwo afia ame kukua? Ɖe ame siwo ku la ate ŋu atsi tsitre akafu wòa? Sela data/train/PSA/PSA_108_Verse_001.mp3,"elabena wò lɔlɔ̃ de blibo, hekɔ wu dziƒowo, eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ lilikpowo." data/train/PSA/PSA_025_Verse_008.mp3,"Nye dzi ƒe nuxaxawo do gã ɖe edzi, na vovom tso nye vevesesewo me." data/train/PSA/PSA_051_Verse_003.mp3,"Elabena menya nye dzidadawo, eye nye nu vɔ̃wo le nye ŋkume ɖaa." data/train/PSA/PSA_089_Verse_004.mp3,"Dziƒowo nye tɔwò, anyigba hã tɔwòe; wòe wɔ xexea me kple emenuwo katã." data/train/PSA/PSA_074_Verse_007.mp3,"O! Mawu, ɣe ka ɣi futɔ la aɖu fewu le ŋuwò ase ɖo? Ɖe ketɔ la ado vlo wò ŋkɔ tegbeea?" data/train/PSA/PSA_088_Verse_014.mp3,"Woƒo xlãm ŋkeke blibo la abe tsiɖɔɖɔ ene, eye wonye tsyɔ dzinye." data/train/PSA/PSA_009_Verse_010.mp3,"Ke womaŋlɔ hiãtɔ be ɖikaa alo ame si le fu kpem la, mɔkpɔkpɔ nabu ɖee o." data/train/PSA/PSA_104_Verse_026.mp3,"Tete ame do go yi dɔ me, yi ɖe eƒe dɔ gbɔ va se ɖe fiẽ." data/train/PSA/PSA_048_Verse_013.mp3,"Zion to kpɔ dzidzɔ, eye Yuda ƒe kɔƒewo le aseye tsom le wò afiatsotso ta." data/train/PSA/PSA_089_Verse_030.mp3,"Meta nye kɔkɔenyenye zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã be, nyemada alakpa na David o." data/train/PSA/PSA_091_Verse_011.mp3,"Ne ètsɔ Dziƒoʋĩtɔ la, Yehowa, ame si nye nye sitsoƒe wɔ nɔwòƒee la," data/train/PSA/PSA_025_Verse_010.mp3,"Nye ŋkuwo le Yehowa ŋu ɖaa, elabena eya koe aɖe nye afɔ le mɔ me." data/train/PSA/PSA_099_Verse_008.mp3,"Yehowa le fia ɖum, dukɔwo nedzo nyanyanya, enɔ eƒe fiazikpui dzi gli le kerubiwo dome, anyigba neʋuʋu." data/train/PSA/PSA_106_Verse_034.mp3,"Wodo vlo anyigba dzeani la, eye womexɔ eƒe ŋugbedodo dzi se o." data/train/PSA/PSA_110_Verse_007.mp3,"Yehowa ka atam, eye matrɔ eƒe susu akpɔ o, be “Wòe nye nunɔla tegbee, le Melkizedek ƒe ɖoɖo la nu.”" data/train/PSA/PSA_062_Verse_011.mp3,"Vavã, ƒuƒu ko ame gbɔlowo nye, eye alakpa nye ame siwo nye ame ŋkutawo, elabena ne woda wo le nudanu dzi la, tofloko ko wonye, eye wo katã ƒuƒu ko wonye." data/train/PSA/PSA_050_Verse_005.mp3,"elabena avemelãwo katã tɔnye wonye, kple nyi siwo le togbɛ akpewo dzi." data/train/PSA/PSA_029_Verse_011.mp3,"Ŋusẽ le Yehowa ƒe gbe ŋu, eye ŋutikɔkɔe nye Yehowa ƒe gbe." data/train/PSA/PSA_075_Verse_008.mp3,"Megblɔ na ɖokuiŋudzelawo be, ‘Midzudzɔ dada,’ eye na ame vɔ̃ɖi be, ‘Mègakɔ wò dzo ɖe dzi o." data/train/PSA/PSA_026_Verse_003.mp3,hele wò kafukafuha dzim kple ɣli le nukudɔ siwo katã nèwɔ la xlẽm fia. data/train/PSA/PSA_003_Verse_001.mp3,"David ƒe ha, esi wòsi le via Absalom nu. O, Yehowa, aleke nye futɔwo sɔ gbɔ ale! Aleke ame geɖewo tso ɖe ŋunye ale!" data/train/PSA/PSA_034_Verse_005.mp3,"Dɔ awu dzatawo, eye woagbɔdzɔ, gake ame siwo dia Yehowa ya la, kesinɔnu aɖeke mahiã wo o." data/train/PSA/PSA_071_Verse_006.mp3,"Mezu nu maɖinu na ame geɖewo, gake wòe nye nye mɔ sesẽ." data/train/PSA/PSA_074_Verse_006.mp3,"O! Mawu, tso eye nàʋli wò bubu ta; ɖo ŋku ale si bometsilawo le alɔme ɖem le ŋuwò ŋkeke blibo lae dzi." data/train/PSA/PSA_021_Verse_001.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, fia la le dzidzɔ kpɔm le wò ŋusẽ me. Ale gbegbe wòle aseye tsom le dziɖuɖu gã siwo nènae la ta!" data/train/PSA/PSA_018_Verse_046.mp3,"Yehowa li tegbee! Woakafu nye Agakpe la! Woado Mawu, nye Xɔla la, ɖe dzi bobobo!" data/train/PSA/PSA_109_Verse_018.mp3,Nunye yi abe vɔvɔli le fiẽ me ene eye woʋuʋum abe ʋetsuvi ene. data/train/PSA/PSA_044_Verse_018.mp3,"Nyemeɖo ŋu ɖe nye aŋutrɔ ŋu o, eye nye yi mehe dziɖuɖu vɛ nam o," data/train/PSA/PSA_043_Verse_001.mp3,"O! Mawu, tso afia nam, eye nàʋli tanye le mawumavɔ̃lawo dome, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo ƒe asi me." data/train/PSA/PSA_006_Verse_003.mp3,"Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo, elabena Yehowa se nye avifafa." data/train/PSA/PSA_098_Verse_006.mp3,"Mina tɔsisiwo naƒo asikpe, eye towo katã nadzi ha ɖekae le dzidzɔkpɔkpɔ ta." data/train/PSA/PSA_119_Verse_061.mp3,"Meku ɖe wò sewo ŋu vevie, o Yehowa, eya ta mègana ŋu nakpem o." data/train/PSA/PSA_033_Verse_004.mp3,"Elabena Yehowa ƒe nya nye nyateƒe, eye wòto mɔ ɖeka; etoa nyateƒe le nu siwo katã wòwɔna la me." data/train/PSA/PSA_018_Verse_007.mp3,"Ede kerubiwo dzi, eye wòdzo dzo. Eɖo asagba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi." data/train/PSA/PSA_086_Verse_017.mp3,"Ɖe wò nyuiwɔwɔ ƒe dzesi fiam, be nye futɔwo nakpɔe, eye ŋu nakpe wo, elabena o Yehowa, wòe kpe ɖe ŋunye, eye nèfa akɔ nam." data/train/PSA/PSA_037_Verse_040.mp3,"Ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nyui; nɔ anyigba la dzi, eye nàɖu eƒe nu nyuiwo le dziɖeɖi me." data/train/PSA/PSA_101_Verse_005.mp3,"Nye ŋku anɔ nuteƒewɔlawo ŋu le anyigba dzi, be woanɔ anyi kplim. Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, anye nye nunɔla." data/train/PSA/PSA_037_Verse_019.mp3,"Ke ame fafawo anyi anyigba la ƒe dome, eye dzi adzɔ wo le ŋutifafa gbogbo la ta." data/train/PSA/PSA_128_Verse_005.mp3,Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me; viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo. data/train/PSA/PSA_107_Verse_019.mp3,eye agbledeƒe zu dzeƒi le ame siwo le teƒe ma ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta. data/train/PSA/PSA_073_Verse_012.mp3,"Hiãkame aɖeke mele wo dzi o, eye wole lãmesẽ kple dedinɔnɔ me." data/train/PSA/PSA_036_Verse_002.mp3,"Elabena gbɔwòe agbe ƒe tsitsetse la le, eye wò kekeli mee míekpɔa kekeli le." data/train/PSA/PSA_072_Verse_006.mp3,"Aʋli ame siwo ƒe dzi gbã la ta, axɔ na hiãtɔwo ƒe viwo, eye wòagbã ameteɖetola la nyanyanya." data/train/PSA/PSA_103_Verse_019.mp3,"ya ƒona toa edzi, eye meganɔa anyi o, womegaɖoa ŋku eteƒe gɔ̃ hã dzi o." data/train/PSA/PSA_011_Verse_002.mp3,"Elabena kpɔ ɖa, ame vɔ̃ɖiwo he woƒe da me; wotsɔ woƒe aŋutrɔwo ɖo datikawo ŋuti be woada ame siwo dza le woƒe dzi me la le blukɔ me." data/train/PSA/PSA_133_Verse_001.mp3,"Ele abe ami xɔasi si wokɔ ɖe ta me, eye wòtsra va kɔ ɖe ge me ene, ɛ̃, etsra kɔ ɖe Aron ƒe ge me hetsyɔ ɖe eƒe awu ƒe kɔme." data/train/PSA/PSA_129_Verse_002.mp3,"Ame siwo to afi ma yi la megagblɔ be, “Yehowa ƒe yayra nenɔ dziwò; míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me” o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_146.mp3,"Wò nyawo vivia nunye ŋutɔ, eye wovivina le nye nu me wu anyitsi nyuitɔ!" data/train/PSA/PSA_007_Verse_006.mp3,"Mada akpe na Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ta, eye madzi kafukafuha na Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋkɔ." data/train/PSA/PSA_069_Verse_016.mp3,"Mègana tsi naɖɔ to tanye, alo gogloƒe namim, eye ʋe globo natu eƒe nu ɖe dzinye o." data/train/PSA/PSA_103_Verse_008.mp3,"elabena enya ale si wowɔ mí, eye eɖo ŋku edzi be ʋuʋudedi ko míenye." data/train/PSA/PSA_016_Verse_011.mp3,"Yehowa, èɖo tɔnye gome kple nye kplu da ɖi nam; èna nye gomekpɔkpɔ le dedie nam." data/train/PSA/PSA_119_Verse_150.mp3,"Wò sededewo wɔm nunyalae wu nye futɔwo katã, elabena wole gbɔnye ɖaa." data/train/PSA/PSA_119_Verse_050.mp3,"Medi wò ŋkume kple nye dzi blibo, eya ta ve nunye le wò ŋugbedodo la nu." data/train/PSA/PSA_033_Verse_022.mp3,"Yehowa ƒe nya wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe numegbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋuti nuwoe." data/train/PSA/PSA_147_Verse_003.mp3,"elabena eyae glã wò agbowo ƒe gametiwo, eye wòyra ame siwo le mewò." data/train/PSA/PSA_018_Verse_047.mp3,"Yehowa nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ. Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso. Eyae nye nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ." data/train/PSA/PSA_018_Verse_040.mp3,"Tsiẽƒe ƒe kawo blam, eye ku ƒe mɔtetrewo ɖi kpem." data/train/PSA/PSA_040_Verse_004.mp3,"Etsɔ ha yeye de nunye si nye kafukafuha na míaƒe Mawu la. Ame geɖewo akpɔe, woavɔ̃e, eye woaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu." data/train/PSA/PSA_004_Verse_007.mp3,"O! Amegbetɔviwo, va se ɖe ɣe ka ɣie miaɖi gbɔ̃ nye ŋutikɔkɔe? Va se ɣe ka ɣie mialɔ̃ beble, ahadze aʋatsomawuwo yome? Sela" data/train/PSA/PSA_031_Verse_021.mp3,"Woakafu Yehowa, elabena eɖe eƒe nukulɔlɔ̃ la fiam le esime mele du si ŋu woƒu kpo ɖo la me." data/train/PSA/PSA_036_Verse_001.mp3,"David, Yehowa ƒe dɔla, ƒe ha na hɛnɔ la. Yehowa ƒe gbedeasi aɖe le nye dzi me tso ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋuti. Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele woƒe ŋkuwo me o." data/train/PSA/PSA_113_Verse_003.mp3,eye wòbɔbɔ be yeakpɔ dziƒowo kple anyigba ɖa? data/train/PSA/PSA_106_Verse_008.mp3,"Esi mía fofowo nɔ Egipte la, womebu wò nukunuwo ŋu o; womeɖo ŋku wò dɔmenyo gbogboawo dzi o, ke boŋ wodze aglã le ƒu la to, le Ƒu Dzĩ la to," data/train/PSA/PSA_022_Verse_024.mp3,"Wodo ɣli na wò, eye nèɖe wo, dziwòe woka ɖo, eye ŋu mekpe wo o." data/train/PSA/PSA_087_Verse_001.mp3,"“Maŋlɔ Rahab kple Babilon ƒe ŋkɔ ɖe ame siwo nyam la dome, nenema kee nye Filistia kple Tiro hekpe ɖe Kus ŋuti, magblɔ be, ‘Wodzi esia le Zion.’ ”" data/train/PSA/PSA_007_Verse_005.mp3,"ekema na nye futɔ nati yonyeme, eye eƒe asi nasu dzinye; na be wòafanyam ɖe anyigba, eye wòana matsi ke me adɔ. Sela" data/train/PSA/PSA_118_Verse_019.mp3,"Wòe nye nye Mawu, eya ta mada akpe na wò; wòe nye nye Mawu, eya ta mado wò ɖe dzi." data/train/PSA/PSA_119_Verse_039.mp3,"Madi wò kple nye dzi blibo, eya ta mègana matra tso wò sewo gbɔ o." data/train/PSA/PSA_089_Verse_050.mp3,"Wotsɔ ŋusẽ de wò abɔ me, eye wò asi sesẽ, wò nuɖusi de dzi." data/train/PSA/PSA_102_Verse_017.mp3,"Mele abe ʋlukuku si le gbegbe ene, alo abe ʋlukuku si le gli gbagbãwo tome ene." data/train/PSA/PSA_110_Verse_006.mp3,"Yehowa adidi wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖe edzi tso Zion, eye àɖu fia le wò futɔwo dome." data/train/PSA/PSA_087_Verse_007.mp3,Yehowa lɔ̃ Zion ƒe agbowo wu Yakob ƒe nɔƒewo katã. data/train/PSA/PSA_119_Verse_098.mp3,"Nye lãme le ƒoƒom le vɔvɔ̃ na wò ta, eye nye mo wɔ yaa le wò sewo ta." data/train/PSA/PSA_035_Verse_023.mp3,"Womeƒoa nu ŋutifafatɔe o, ke boŋ woɖoa alakpa ƒe amenutsonyawo ɖi ɖe ame siwo le anyigba dzi kpoo la ŋuti." data/train/PSA/PSA_105_Verse_020.mp3,"Eɖo kpe edzi na Yakob abe sedede ene, eye na Israel abe nubabla mavɔ ene be," data/train/PSA/PSA_135_Verse_011.mp3,"Mikafu Yehowa, elabena Yehowa nyo; midzi ha na eƒe ŋkɔ, elabena esia vivina." data/train/PSA/PSA_085_Verse_005.mp3,"Màgagbɔ agbe mí, be wò dukɔ nàkpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò oa?" data/train/PSA/PSA_044_Verse_016.mp3,"Nu ka ta nèɣla wò mo, eye nèŋlɔ míaƒe hiãkame kple teteɖeanyi be ɖo?" data/train/PSA/PSA_073_Verse_013.mp3,"Ke mele gbɔwò ɣe sia ɣi, eye nèlé nye ɖusibɔ ɖe asi." data/train/PSA/PSA_078_Verse_027.mp3,"Etsɔ eƒe dukɔ de asi na yi, eye wòdo dɔmedzoe vevie ɖe eƒe domenyinu la ŋu." data/train/PSA/PSA_101_Verse_006.mp3,"Nyematsɔ nu si me vɔ̃ le la aɖo nye ŋkume o. Metsri xɔsemanɔsitɔwo ƒe nuwɔnawo, womalé ɖe ŋunye o." data/train/PSA/PSA_009_Verse_006.mp3,"Dzi adzɔm, eye matso aseye le mewò; O Dziƒoʋĩtɔ, madzi kafukafuhawo na wò ŋkɔ." data/train/PSA/PSA_061_Verse_006.mp3,"Neɖu fia le Mawu ŋkume tegbee, eye na wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nakpɔ eta." data/train/PSA/PSA_004_Verse_000.mp3,"Ame geɖewo le biabiam be, “Ame kae afia nu nyui aɖe mí?” Na wò mo ƒe kekeli naklẽ ɖe mía dzi, O! Yehowa." data/train/PSA/PSA_134_Verse_000.mp3,"Mido miaƒe asiwo ɖe dzi le kɔkɔeƒe la me, eye mikafu Yehowa." data/train/PSA/PSA_119_Verse_170.mp3,"Ɖem, elabena tɔwò menye, elabena medi wò ɖoɖowo ƒe mɔ." data/train/PSA/PSA_092_Verse_000.mp3,"Aleke gbegbe wotsii hã la, woaganɔ tsetsem, eye woƒe aŋgbawo ada ama, eye womalũ xɛ o." data/train/PSA/PSA_109_Verse_020.mp3,"O! Yehowa, nye Mawu, kpe ɖe ŋunye, ɖem le wò lɔlɔ̃ la ta." data/train/PSA/PSA_109_Verse_026.mp3,"Woaƒo fi ade ame, ke wò la àyra ame, ne wotso ɖe ŋunye la, ŋu akpe wo, ke wò dɔla ya atso aseye." data/train/PSA/PSA_076_Verse_008.mp3,"O! Yakob ƒe Mawu, esi nèblu ko la, sɔ kple tasiaɖam siaa tɔ ɖe teƒe ɖeka." data/train/PSA/PSA_021_Verse_013.mp3,"Wò asi alé wò futɔwo katã, eye wò nuɖusi atu wò ketɔwo." data/train/PSA/PSA_049_Verse_002.mp3,"Ame si si kesinɔnuwo le, evɔ gɔmesese mele esi o la le abe gbemelã si tsrɔ̃ la ene." data/train/PSA/PSA_107_Verse_003.mp3,"Ame aɖewo tsa tsaglãla le gbedzi kple gbedadaƒo, eye womekpɔ mɔ si woato ayi du aɖe si me woanɔ la o." data/train/PSA/PSA_091_Verse_003.mp3,"Ayɔm, eye matɔ nɛ; manɔ anyi kplii le xaxa me, maɖee, eye made bubu eŋuti." data/train/PSA/PSA_050_Verse_004.mp3,"Ègblɔa nya tsia tsitre ɖe nɔviwò ŋu, eye nèƒoa ɖi dawòvi ŋutsu." data/train/PSA/PSA_096_Verse_001.mp3,"Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo, ke Yehowae wɔ dziƒowo." data/train/PSA/PSA_083_Verse_005.mp3,"Asiria gɔ̃ hã kpe ɖe wo ŋu, be wòado alɔ Lot ƒe dzidzimeviwo. Sela" data/train/PSA/PSA_033_Verse_015.mp3,"Ne eɖo ɖeɖe dzi la, sɔ maɖe ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi o, togbɔ be ŋusẽ triakɔ le esi hã la, mate ŋu aɖee o." data/train/PSA/PSA_034_Verse_015.mp3,"Mivɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, elabena naneke mehiãa ame siwo vɔ̃nɛ la o." data/train/PSA/PSA_047_Verse_001.mp3,"Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te, eye wòtsɔ anyigbadzitɔwo de míaƒe afɔ te." data/train/PSA/PSA_011_Verse_001.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Yehowae mesi tso. Aleke miele gbɔgblɔm nam be, “Dzo abe xevi ene nàyi ɖe wò to dzi?" data/train/PSA/PSA_094_Verse_016.mp3,"Wole nya tovowo gblɔm, eye dada yɔ ame vɔ̃ɖiwo katã me fũu." data/train/PSA/PSA_068_Verse_013.mp3,"“Fiawo kple aʋakɔwo, misi kaba, elabena amewo le afunyinuwo ham le asaɖawo me." data/train/PSA/PSA_056_Verse_001.mp3,"David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Ahɔnɛ si dzo ɖe logoti dzi le didiƒe ke” la ƒe gbeɖiɖi nu. Ekpa ha sia esi Filistitɔwo lée le Gat. Kpɔ nye nublanui, O! Mawu, elabena amegbetɔwo ti yonyeme kple ŋkubiã; ŋkeke blibo la wole yonyeme kutɔkutɔe." data/train/PSA/PSA_033_Verse_000.mp3,"Anyigba katã nevɔ̃ Yehowa, eye xexemetɔwo katã nede bubu eŋu." data/train/PSA/PSA_105_Verse_025.mp3,"Ke ekplɔ Israel do goe, wodo agba kple klosalo kple sika, eye ame beli aɖeke menɔ woƒe toawo dome o." data/train/PSA/PSA_026_Verse_007.mp3,"Metsri ame tovowo ƒe habɔbɔ, eye megbe be nyemanɔ ame vɔ̃ɖiwo dome o." data/train/PSA/PSA_003_Verse_006.mp3,"Tso, O, Yehowa! Ɖem, O, nye Mawu! Ƒo tome na nye futɔwo katã; eye nàŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo." data/train/PSA/PSA_030_Verse_005.mp3,"Midzi ha na Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la." data/train/PSA/PSA_119_Verse_068.mp3,"Menyɔ ŋu xɔsemanɔsitɔwo, elabena womewɔa wò nya la dzi o." data/train/PSA/PSA_102_Verse_010.mp3,"Hiãtɔ aɖe ƒe gbedodoɖa, esi nu te eŋu, eye wòfa konyi le Yehowa ŋkume. O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nye kokoƒoƒo hena kpekpeɖeŋu neɖo gbɔwò." data/train/PSA/PSA_055_Verse_011.mp3,"Ne futɔe le dzu yem la, mate ŋu atsɔe; ne ketɔe kɔ eɖokui ɖe dzi ɖe ŋunye la, mate ŋu aɣla ɖee," data/train/PSA/PSA_089_Verse_006.mp3,"Ègbã eƒe gliwo, eye nèwɔ eƒe mɔ sesẽwo wozu aƒedo." data/train/PSA/PSA_145_Verse_007.mp3,Nye nu agblɔ Yehowa ƒe kafukafu. Nu gbagbe ɖe sia ɖe nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. data/train/PSA/PSA_143_Verse_000.mp3,"David ƒe ha. O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, lé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu, eye nàxɔ nam le wò nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye ta." data/train/PSA/PSA_102_Verse_004.mp3,"Elabena eƒe kpewo xɔ asi le wò dɔlawo gbɔ, eye eƒe ʋuʋudedi gɔ̃ hã ʋãa nublanuikpɔkpɔ le wo me." data/train/PSA/PSA_068_Verse_034.mp3,"Vavã, Mawu agbã ta na eƒe futɔwo kple dzodome na ame siwo gale woƒe nu vɔ̃wo dzi yim." data/train/PSA/PSA_142_Verse_006.mp3,"Ɖem tso nye gaxɔ me, be makafu wò ŋkɔ. Ekema ame dzɔdzɔewo aɖe to ɖem, le wò nyui si nèwɔ nam la ta." data/train/PSA/PSA_103_Verse_015.mp3,"Mikafu Yehowa, mi eƒe dziƒoʋakɔwo katã, mi eƒe dɔla siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu." data/train/PSA/PSA_127_Verse_002.mp3,"Solomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, etulawo le agbagba dzem dzodzro. Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la, dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ." data/train/PSA/PSA_008_Verse_007.mp3,Nu kae nye amegbetɔ be wò ŋkuwo le eŋuti kple amegbetɔvi be nèléa be nɛ? data/train/PSA/PSA_035_Verse_008.mp3,"gbegblẽ neƒo ɖe wo dzi kpoyi, ɖɔ si woɖo nam la neɖe woawo ŋutɔ, eye woage dze ʋe si woɖe ɖi nam la me aƒaƒã ɖe afi ma." data/train/PSA/PSA_090_Verse_015.mp3,"Togbɔ be emie le ŋdi yeyee hã la, le fiẽ me la, eƒu, eye wòku." data/train/PSA/PSA_055_Verse_019.mp3,"Tsɔ wò dzimaɖiwo da ɖe Yehowa dzi, eye akpɔ tawò, elabena mana ame dzɔdzɔe la nadze anyi akpɔ gbeɖe o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_106.mp3,"O, Yehowa, fia ale si madze wò sededewo yomee lam, ekema malé wo me ɖe asi va se ɖe nuwuwu." data/train/PSA/PSA_089_Verse_016.mp3,"Èɖe eƒe ɖekakpuimeŋkekewo dzi kpɔtɔ, eye nètsɔ ŋukpe tsyɔ nɛ abe avɔ ene. Sela" data/train/PSA/PSA_116_Verse_007.mp3,"Makɔ xɔxɔ ƒe kplu la ɖe dzi, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ." data/train/PSA/PSA_051_Verse_008.mp3,"Mègatsɔm ƒu gbe le wò ŋkume, alo nàxɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le asinye o." data/train/PSA/PSA_093_Verse_000.mp3,"Atsiaƒuwo dze agbo, o Yehowa, atsiaƒuwo le ɣli dom, atsiaƒuwo dze agbo, eye woƒe tsotsoewo le ŋeŋem." data/train/PSA/PSA_148_Verse_001.mp3,"Dzikedzo kple kpetsi, tsikpe kple lilikpowo, ahomya si wɔ eƒe lɔlɔ̃nu," data/train/PSA/PSA_051_Verse_017.mp3,"Vɔsa siwo nye Mawu tɔe nye gbɔgbɔ si wogbã. O! Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o." data/train/PSA/PSA_139_Verse_008.mp3,"Kpɔe ɖa be mɔtatra aɖe le menye hã, eye nàkplɔm to mɔ mavɔtɔ la dzi." data/train/PSA/PSA_048_Verse_006.mp3,"Korah ƒe viwo ƒe ha. Yehowa lolo, eye eya koe dze kafukafu le míaƒe Mawu la ƒe du me, le eƒe to kɔkɔe la dzi." data/train/PSA/PSA_086_Verse_009.mp3,"O! Aƒetɔ, ke wò la, Mawu si kpɔa nublanui, eye wòvea ame nu lae nènye, mèdoa dɔmedzoe kabakaba o, lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò, eye nèwɔa nuteƒe." data/train/PSA/PSA_126_Verse_004.mp3,"Nyateƒee, Yehowa wɔ nu gãwo na mí, eya ta dzidzɔ yɔ mía me." data/train/PSA/PSA_091_Verse_007.mp3,"elabena ade se na eƒe dɔlawo tso ŋutiwò, be woakpɔ tawò le wò mɔwo katã dzi." data/train/PSA/PSA_022_Verse_019.mp3,"Mi ame siwo vɔ̃a Yehowa, mikafui! Mi, Yakob ƒe dzidzimeviwo, mide bubu eŋuti! Misroe ɖa, mi Israel ƒe dzidzimeviwo!" data/train/PSA/PSA_007_Verse_004.mp3,"Edzra eƒe lãnuwo ɖo da ɖi, eye eƒe aŋutrɔ bibiawo la etrɔ asi le wo ŋu wosɔ gbe." data/train/PSA/PSA_078_Verse_032.mp3,"Etu ka ɣedzeƒeya tso dziƒo, eye wòkplɔ dzigbeya kple eƒe ŋusẽ." data/train/PSA/PSA_119_Verse_008.mp3,"Dadalawo ɖe ʋe ɖi nam, nu si tsi tsitre ɖe wò se la ŋu." data/train/PSA/PSA_104_Verse_022.mp3,"Nye ŋugbledede nedze eŋu, esi mele dzidzɔ kpɔm le Yehowa me." data/train/PSA/PSA_034_Verse_021.mp3,"Yehowa ƒe ŋku le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu;" data/train/PSA/PSA_119_Verse_111.mp3,"O! Yehowa, meɖo ŋku wò blemasewo dzi, elabena mekpɔa akɔfafa le wo me." data/train/PSA/PSA_046_Verse_001.mp3,"Eya ta ne anyigba gli le zi dzi hã la, míavɔ̃ o, ne towo ho ɖadze atsiaƒu me," data/train/PSA/PSA_069_Verse_014.mp3,"Matsɔ hadzidzi akafu Mawu ƒe ŋkɔ, eye madoe ɖe dzi kple akpedada." data/train/PSA/PSA_109_Verse_012.mp3,"Fetɔ aɖe nexɔ eƒe nunɔmesiwo katã, eye amedzrowo neha nu siwo wòwɔ dɔ kpɔ." data/train/PSA/PSA_053_Verse_001.mp3,"Ke ame sia ame trɔ megbe dee, wo katã tim wɔ nu tovo; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã meli si wɔa nu nyui o, ɖeka pɛ hã meli o." data/train/PSA/PSA_125_Verse_004.mp3,"O! Yehowa, wɔ nyui na nu nyui wɔlawo, ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka." data/train/PSA/PSA_072_Verse_020.mp3,"Zi ale si ɣe kple ɣleti li la, anɔ te le dzidzimewo katã me." data/train/PSA/PSA_078_Verse_042.mp3,"Gake ekpɔ nublanui na wo; etsɔ woƒe vodadawo ke wo, eye metsrɔ̃ wo o. Zi geɖe la, eɖoa asi eƒe dziku dzi, eye menaa eƒe dɔmedzoe katã bina o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_000.mp3,"Afi sia afi si medze la, wò sewo nyea nye ha ƒe tanya." data/train/PSA/PSA_119_Verse_164.mp3,"Wɔ nyui na wò dɔla, be manɔ agbe. Mawɔ wò nya la dzi." data/train/PSA/PSA_083_Verse_003.mp3,"ame siwo tsrɔ̃ le Endor, eye wole abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba." data/train/PSA/PSA_002_Verse_009.mp3,"Nu ka ta dukɔwo le nugbe ɖom, eye amewo le nu dzodzrowo ɖom?" data/train/PSA/PSA_111_Verse_010.mp3,"Ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔwo, eye eƒe dzɔdzɔenye li tegbee." data/train/PSA/PSA_078_Verse_000.mp3,"Abe wo fofowo ene la, womeɖo to o, wowɔ nu dzimaxɔsetɔe, eye wole abe dati doagblɔ ene, elabena womate ŋu aka ɖe wo dzi o." data/train/PSA/PSA_118_Verse_024.mp3,"Yehowa li kplim, eya ta nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ awɔm?" data/train/PSA/PSA_140_Verse_001.mp3,"ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe dzi me, eye wodoa aʋa gbe sia gbe." data/train/PSA/PSA_050_Verse_006.mp3,"Eɖi ʋɔnu, eye wòyɔ dziƒo kple anyigba ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ," data/train/PSA/PSA_037_Verse_035.mp3,"Woawo boŋ vea ame nu ɣe sia ɣi, eye wodoa nugbana na amewo faa; eya ta wo viwo axɔ yayra." data/train/PSA/PSA_030_Verse_000.mp3,"ale be nye dzi nadzi ha na wò, eye mazi ɖoɖoe o. O! Yehowa, nye Mawu, mada akpe na wò tegbetegbe." data/train/PSA/PSA_006_Verse_006.mp3,"Nye luʋɔ le nuxaxa me. Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi?" data/train/PSA/PSA_119_Verse_015.mp3,"Èka mo na dadalawo, ame siwo woƒo fi de, eye wotra tso wò sewo gbɔ." data/train/PSA/PSA_052_Verse_004.mp3,"“Kpɔ ɖa, ŋutsu si metsɔ Mawu wɔ eƒe mɔ sesẽ o, ke boŋ wòtsɔ eƒe dzi ɖo eƒe kesinɔnu gbogboawo ŋu, eye wòkpɔ ŋusẽ hegblẽ ame bubuwo dome lae nye esi!”" data/train/PSA/PSA_027_Verse_008.mp3,"Nu ɖeka mebia Yehowa, esiae nye be manɔ Yehowa ƒe aƒe me le nye agbemeŋkekewo katã me, ne malé ŋku ɖe Yehowa ƒe nyonyo ŋu, eye madii le eƒe gbedoxɔ me." data/train/PSA/PSA_119_Verse_103.mp3,"O, ale gbegbe mehelɔ̃ wò se lae! Medea ŋugble le eŋuti ŋkeke blibo la." data/train/PSA/PSA_116_Verse_016.mp3,"O! Yehowa, menye wò dɔla vavã, wò dɔlae menye, wò subɔla ƒe viŋutsue menye, eye nèɖem tso nye gakɔsɔkɔsɔ siwo blam la me." data/train/PSA/PSA_041_Verse_000.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Woayra ame si tsɔ ɖe le eme na ame dahewo, Yehowa aɖee le xaxaɣi." data/train/PSA/PSA_056_Verse_011.mp3,"Ŋkeke blibo la wotrɔa gbo nye nyawo, ɣe sia ɣi wole nugbe ɖom be woawɔ nuvevim." data/train/PSA/PSA_092_Verse_004.mp3,"Èkɔ nye dzo ɖe dzi abe to tɔ ene, eye nèkɔ ami nyuitɔwo ɖe dzinye." data/train/PSA/PSA_094_Verse_003.mp3,"Esi dzitsitsi yɔ menye la, wò akɔfaname he dzidzɔ vɛ na nye luʋɔ." data/train/PSA/PSA_026_Verse_000.mp3,"ame siwo ƒe asi me ɖoɖo vɔ̃ɖiwo le, eye woƒe nuɖusime yɔ fũu kple zãnuxɔxɔ o." data/train/PSA/PSA_115_Verse_016.mp3,"Yehowa nana miadzi ɖe edzi, miawo ŋutɔwo kple mia viwo." data/train/PSA/PSA_045_Verse_005.mp3,"Fiavinyɔnuwo le wò nyɔnu bubumewo dome, eye fiasrɔ̃ si do Ofir Sikanuwo la nɔ wò nuɖusime." data/train/PSA/PSA_021_Verse_006.mp3,"Ètsɔ nu si eƒe dzi di la nɛ, eye nèwɔ nu siwo wòtsɔ eƒe nu bia la dzi nɛ. Sela" data/train/PSA/PSA_083_Verse_009.mp3,"Na ŋukpe nalé wo, woƒe mo natsi dãa, eye wonetsrɔ̃ le ŋukpe me." data/train/PSA/PSA_098_Verse_004.mp3,"Midzi ha na Yehowa kple kasaŋku, mitsɔ kasaŋku, hadzidzi," data/train/PSA/PSA_031_Verse_003.mp3,"Èɣla wo ɖe ɣaɣlaƒe si le gbɔwò, tso amewo ƒe ayemenuwo gbɔ. Èɣla wo ɖe nɔwòƒe be woanɔ dedie tso aɖeɖiƒoame gbɔ." data/train/PSA/PSA_106_Verse_014.mp3,"Eɖe wo zi geɖe, gake woɖoe kplikpaa be yewoadze aglã, eye wovɔ le eme keŋkeŋ le woƒe nu vɔ̃ me." data/train/PSA/PSA_037_Verse_025.mp3,"Le ŋkeke vɔ̃wo dzi la, womalũ xɛ o; le dɔŋɔli la, nuɖuɖu ado agbogbo na woawo ya." data/train/PSA/PSA_044_Verse_024.mp3,"Wòe nye nye Fia kple nye Mawu, wòe he dziɖuɖuwo vɛ na Yakob." data/train/PSA/PSA_069_Verse_017.mp3,"Mègaɣla wò mo ɖe wò dɔla o; ke boŋ tɔ nam kaba, elabena meɖo xaxa me." data/train/PSA/PSA_107_Verse_000.mp3,"afi mae wòkplɔ dɔwuitɔwo be woava nɔ, eye wotso du si me woanɔ." data/train/PSA/PSA_100_Verse_003.mp3,"Minyae be Yehowae nye Mawu. Eyae wɔ mí, eye míenye etɔ, eƒe amewo kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye." data/train/PSA/PSA_106_Verse_046.mp3,"Woƒe futɔwo te wo ɖe to, eye wotsɔ wo de woƒe ŋusẽ te." data/train/PSA/PSA_058_Verse_001.mp3,"Ame vɔ̃ɖiwo tra mɔ tso keke woƒe vidzĩ me ke, eye tso wo dadawo ƒe dɔ me ke, wodze aglã, hedaa alakpa." data/train/PSA/PSA_010_Verse_003.mp3,"Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzatae be ɖe ave xa ene; ale be wòalé amemanɔsitɔ; eléa amemanɔsitɔ, eye wòhea wo ɖe eƒe ɖɔ me dzonae." data/train/PSA/PSA_106_Verse_001.mp3,Ame kae ate ŋu aɖe gbeƒã Yehowa ƒe nu dzɔatsu siwo wòwɔ alo akafui wòade go? data/train/PSA/PSA_007_Verse_003.mp3,"Dzɔgbevɔ̃e si wòhe vɛ la atrɔ abali ɖe eya ŋutɔ ŋuti, eye eƒe ŋutasesẽ atrɔ ava eya ŋutɔ ƒe ta dzi." data/train/PSA/PSA_073_Verse_016.mp3,"Mekpea fu ŋkeke blibo la, eye ŋdi sia ŋdi wohea to nam." data/train/PSA/PSA_011_Verse_000.mp3,"Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo tɔ gome." data/train/PSA/PSA_130_Verse_006.mp3,"O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi, elabena lɔlɔ̃ matrɔ le Yehowa si, eye ɖeɖe blibo le eya amea gbɔ." data/train/PSA/PSA_032_Verse_006.mp3,"Mèganɔ abe sɔ alo tedzisɔ siwo nunya mele tagbɔ na o la ene o, elabena ele be woade ka kple numega nu me na wo hafi amla wo, ne menye nenema o la, womate ŋu ate ɖe ŋuwò o." data/train/PSA/PSA_089_Verse_017.mp3,"Futɔ aɖeke mazi edzi wòadzɔ ga nɛ o, eye ame vɔ̃ɖi aɖeke matee ɖe to o." data/train/PSA/PSA_148_Verse_009.mp3,"Mikafu Yehowa tso anyigba, mi nuwɔwɔ gã siwo le atsiaƒu me kple gogloƒewo katã." data/train/PSA/PSA_105_Verse_013.mp3,"Etrɔ woƒe tsidzadza wòzu kpetsi, eye dzikedzo kpe ɖe eŋuti le woƒe anyigba blibo la dzi." data/train/PSA/PSA_022_Verse_001.mp3,"Anyigba ƒe mlɔenu katã hã aɖo ŋku edzi, atrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye anyigbadzidukɔwo ƒe ƒomeawo katã ava de ta agu ɖe eŋkume." data/train/PSA/PSA_056_Verse_002.mp3,"Ekema nye futɔwo atrɔ adzo, ne meyɔ wò be nàxɔ nam. To esia me la, manya be Mawu nye tɔnye." data/train/PSA/PSA_105_Verse_000.mp3,"Ale be woalé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi, eye woawɔ eƒe sewo dzi. Mikafu Yehowa." data/train/PSA/PSA_077_Verse_004.mp3,"Ètsɔ wò abɔ sesẽ la ɖe wò dukɔ la, ame siwo nye Yakob kple Yosef ƒe dzidzimeviwo. Sela" data/train/PSA/PSA_055_Verse_022.mp3,Ŋusẽ siwo gblẽa nu la le dɔ wɔm le dua me; ŋutasesẽ kple alakpadada medzona le eƒe ablɔ dzi o. data/train/PSA/PSA_119_Verse_123.mp3,"O! Ɖe nye mɔwo li ke sesĩe le wò sewo dzi wɔwɔ me la, anyo ŋutɔ." data/train/PSA/PSA_046_Verse_000.mp3,"Ena aʋawɔwɔ nu tso va se ɖe keke anyigba ƒe mlɔenu ke; eŋe da, eye wòfli akplɔ, hetɔ dzo akpoxɔnuwo." data/train/PSA/PSA_076_Verse_007.mp3,"O! Mawu, esi nètso be yeatso afia, aɖe anyigba la ƒe hiãtɔwo la, nu sia nu zi ɖoɖoe. Sela" data/train/PSA/PSA_132_Verse_003.mp3,"“Le afi sia, mana dzo nado na David, eye masi akaɖi aɖo anyi na nye amesiamina la." data/train/PSA/PSA_106_Verse_048.mp3,"Woʋã ŋu Mose kple Aron le asaɖa la me, ame si ŋuti wokɔ na Yehowa." data/train/PSA/PSA_060_Verse_008.mp3,"Moab nye nye asiklɔgba, meɖe nye tokota ƒu gbe ɖe Edom dzi, eye medo dziɖuɖuɣli ɖe Filistia ta.”" data/train/PSA/PSA_078_Verse_056.mp3,"To nu siawo katã gbɔ hã la, wogayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, eye togbɔ be ewɔ nukunuwo hã la, womexɔe se o." data/train/PSA/PSA_003_Verse_000.mp3,"Ame geɖewo le gbɔgblɔm tso ŋutinye be, “Mawu maɖee akpɔ o.” Sela" data/train/PSA/PSA_104_Verse_030.mp3,"Wonaa tsi gbemelãwo, eye wotsia gbetedziwo ƒe tsikɔwuame nu." data/train/PSA/PSA_006_Verse_004.mp3,"Nuxaxa na ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu; womegale nu kpɔm tututu o, le nye futɔwo ta." data/train/PSA/PSA_063_Verse_001.mp3,"Esi nènye nye xɔnametɔ ta la, madzi ha le wò aʋala ƒe vɔvɔli te." data/train/PSA/PSA_048_Verse_001.mp3,"Dzidzi ƒo wo, eye wose veve abe nyɔnu si le ku lém la ene." data/train/PSA/PSA_015_Verse_000.mp3,"ame si ame baɖa ƒe nu menyoa eŋu o, ke boŋ edea bubu ame siwo vɔ̃a Yehowa la ŋuti, ame si kaa atam si hea vevesese vanɛ, gake megbea edziwɔwɔ o," data/train/PSA/PSA_088_Verse_008.mp3,"O! Yehowa, nu ka ta nègbem, eye nèɣla wò mo ɖem ɖo?" data/train/PSA/PSA_109_Verse_004.mp3,"elabena hiãtɔ kple ame dahe menye, eye nye dzi xɔ abi le menye." data/train/PSA/PSA_118_Verse_000.mp3,"Ame siwo vɔ̃a Yehowa la negblɔ be, “Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.”" data/train/PSA/PSA_056_Verse_004.mp3,Maka ɖe dziwò ne vɔvɔ̃ ɖom. data/train/PSA/PSA_103_Verse_002.mp3,"Ame si tsɔ wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu." data/train/PSA/PSA_090_Verse_008.mp3,"Míaƒe agbemeŋkekewo le ƒe blaadre, alo blaenyi, gake ne ŋusẽ gale mía ŋutie nye ema, elabena woƒe didi nye fuɖename kple aɖukliɖuɖu; wo nu va yi kaba, eye míedzo." data/train/PSA/PSA_102_Verse_001.mp3,"Aɖo hiãtɔwo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kokoƒoƒo o." data/train/PSA/PSA_139_Verse_014.mp3,"Nunya sia wɔ nuku nam akpa, nyemate ŋu aɖo afi ma o, elabena ekɔkɔ nam akpa." data/train/PSA/PSA_007_Verse_000.mp3,"Ame si fɔ nu vɔ̃ɖi ƒe fu, eye dzɔgbevɔ̃e zu fu wòfɔ la, adzi beble ƒe vi." data/train/PSA/PSA_121_Verse_005.mp3,"Vavã, eya ame si dzɔa Israel ŋu la, madɔ akɔlɔ̃e loo, alo adɔ alɔ̃ o." data/train/PSA/PSA_107_Verse_010.mp3,Ekplɔ wo tẽe yi ɖe du aɖe si me woanɔ. data/train/PSA/PSA_081_Verse_010.mp3,"Mido ha ɖa, xatsɛwo neɖi, miƒo kasaŋku kple gakasaŋku siwo ƒe gbe me kɔ." data/train/PSA/PSA_077_Verse_003.mp3,"Esi meɖo xaxa me la, medi Aƒetɔ la; le zã me la, meke nye abɔwo me, gake ɖeɖi mete wo ŋu o, eye nye luʋɔ gbe akɔfafaxɔxɔ." data/train/PSA/PSA_019_Verse_006.mp3,"Tso ŋkeke yi ŋkeke, wole Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kafum, eye tso zã yi zã, wole eƒe gãnyenye ɖem fia." data/train/PSA/PSA_058_Verse_002.mp3,"Ao, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ boŋ míeɖo ɖe miaƒe dziwo me, eye míaƒe asiwo wɔa ŋutasẽnu le anyigba dzi." data/train/PSA/PSA_025_Verse_014.mp3,"O! Yehowa, mègaɖo ŋku nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo kple nye aglãdzemɔwo dzi o; ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò lɔlɔ̃ la ta, elabena nyuiwɔwɔ le mewò." data/train/PSA/PSA_049_Verse_019.mp3,"Togbɔ be kesinɔnu geɖewo le amegbetɔ si hã la, manɔ agbe tegbee o, ɖeko wòle abe gbemelã siwo tsrɔ̃na ene." data/train/PSA/PSA_028_Verse_008.mp3,"Ɖe wò dukɔ, eye nàyra wò domenyinu; nànye woƒe kplɔla, eye nàkɔ wo ɖe akɔnu tegbetegbe." data/train/PSA/PSA_010_Verse_014.mp3,"O! Yehowa, nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi ɖo? Nu ka ta nèɣla ɖokuiwò le xaxaɣiwo ɖo?" data/train/PSA/PSA_009_Verse_007.mp3,"Èka mo na dukɔwo, eye nètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hetutu woƒe ŋkɔwo ɖa tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me." data/train/PSA/PSA_116_Verse_003.mp3,"Eye le nye moya me, megblɔ be, “Amegbetɔwo katã nye aʋatsokalawo.”" data/train/PSA/PSA_060_Verse_009.mp3,"O! Mawu, ɖe menye wòe o la, wò ame si gbe mí, eye mègadona kple míaƒe aʋakɔwo lae oa?" data/train/PSA/PSA_089_Verse_024.mp3,"Malé nye lɔlɔ̃ nɛ me ɖe asi ɖaa, eye nye nubabla kplii mada le edzi akpɔ gbeɖe o." data/train/PSA/PSA_055_Verse_017.mp3,"O! Mawu, ke wò la, àhe ame vɔ̃ɖiwo ayi yɔdo me. Ŋutsu hlɔ̃dolawo kple ameblelawo manɔ agbe wòade agbemeŋkeke siwo nèna wo la ƒe afã hã o. Ke nye la, wò ko dzi meka ɖo." data/train/PSA/PSA_009_Verse_012.mp3,"Nye futɔwo trɔ megbe; wokli nu, eye wo katã wotsrɔ̃ le ŋkuwò me." data/train/PSA/PSA_077_Verse_011.mp3,"O! Mawu, wò mɔwo le kɔkɔe mawu kae lolo abe míaƒe Mawu la ene?" data/train/PSA/PSA_035_Verse_007.mp3,"Gake ne wodze dɔ la, metaa akpanya, eye metsɔa nutsitsidɔ bɔbɔa ɖokuinyee. Ne womeɖo nye gbedodoɖa ŋuti nam o la," data/train/PSA/PSA_106_Verse_002.mp3,"Anyigba ke nu mi Datan, eye wòɖi Abiram kple eyomedzelawo agbagbe." data/train/PSA/PSA_139_Verse_021.mp3,"viviti la gɔ̃ hã mado blukɔ na wò o, zã aklẽ na wò abe ŋkeke ene, elabena viviti le na wò abe kekeli ene." data/train/PSA/PSA_072_Verse_009.mp3,elabena aɖe hiãtɔ si le avi fam kple wɔmenɔ si xɔnametɔ aɖeke meli na o. data/train/PSA/PSA_058_Verse_004.mp3,"Ekema amewo agblɔ be, “Vavã, wogale eteƒe ɖom na ame dzɔdzɔe, eye Mawu aɖe li si drɔ̃a ʋɔnu anyigba vavã.”" data/train/PSA/PSA_032_Verse_007.mp3,"Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye ɖe Yehowa ŋu, mi ame dzɔdzɔewo; midzi ha, mi ame siwo katã ƒe dzi le dzɔdzɔe!" data/train/PSA/PSA_083_Verse_018.mp3,"Wɔ woƒe bubumewo abe Oreb kple Zeb ene, eye woƒe dumegãwo abe Zeba kple Zalmuna ene," data/train/PSA/PSA_132_Verse_006.mp3,"Matsɔ nu nyui geɖewo ayrae, eye matsɔ nuɖuɖu aɖi ƒoe na eƒe ame dahewo." data/train/PSA/PSA_105_Verse_027.mp3,"Meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o, le wo ta, wòka mo na fiawo be," data/train/PSA/PSA_017_Verse_005.mp3,"Mele yɔwòm, O! Mawu, elabena àtɔ nam; ƒu to anyi ɖe ŋunye, eye nàse nye gbedodoɖa." data/train/PSA/PSA_006_Verse_000.mp3,Ame aɖeke meɖoa ŋku dziwò ne eku o. Ame kae kafua wò tso eƒe yɔdo me? data/train/PSA/PSA_031_Verse_011.mp3,"Mètsɔm de asi na nye futɔ o, ke boŋ èɖo nye afɔ gbadzaƒe." data/train/PSA/PSA_092_Verse_008.mp3,"Numanyala menya esia o, eye bometsilawo mese egɔme o," data/train/PSA/PSA_120_Verse_002.mp3,Menɔ ame siwo lé fu ŋutifafa la dome wòdidi fũu akpa. data/train/PSA/PSA_075_Verse_001.mp3,"Dodoɖedzi metsoa ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe alo gbegbe vana na ame o," data/train/PSA/PSA_078_Verse_019.mp3,"Ena woge dze woƒe asaɖa me, eye woƒo xlã woƒe agbadɔwo." data/train/PSA/PSA_119_Verse_132.mp3,"Togbɔ be wodo vlom, eye nyemele ɖeke me o hã la, nyemeŋlɔ wò ɖoɖowo be o." data/train/PSA/PSA_102_Verse_028.mp3,"“Yehowa kpɔ nu tso eƒe kɔkɔeƒe la, eye wòkpɔ anyigba tso dziƒo," data/train/PSA/PSA_021_Verse_009.mp3,"Ne wò vavaɣi ɖo la, àwɔ wo abe kpodzo bibi ene. Yehowa ami wo le eƒe dɔmedzoe me, eye eƒe dzo afia wo katã." data/train/PSA/PSA_126_Verse_000.mp3,"Ame si do go le nukuwo ƒãm kple aɖatsi la atrɔ agbɔ kple dzidzɔhawo, atsɔ lu bablawo agbɔe." data/train/PSA/PSA_120_Verse_005.mp3,"O! Yehowa, ɖem, tso aʋatsonuyiwo kple alakpaɖewo ƒe asi me." data/train/PSA/PSA_040_Verse_000.mp3,"Ame siwo le gbɔgblɔm ɖe ŋunye be, “Ehɛ̃! Ehɛ̃!” la ƒe ŋukpe newɔ moya na wo." data/train/PSA/PSA_034_Verse_017.mp3,"Nye luʋɔ aƒo adegbe le Yehowa me, ame siwo le veve sem la nesee ne woakpɔ dzidzɔ." data/train/PSA/PSA_118_Verse_014.mp3,"Miʋu dzɔdzɔenyenye ƒe agbowo nam, mage ɖe eme, eye mada akpe na Yehowa." data/train/PSA/PSA_034_Verse_013.mp3,"Mite ɖa le vɔ̃ gbɔ, eye miawɔ nu nyui, midi ŋutifafa, eye miati eyome." data/train/PSA/PSA_019_Verse_010.mp3,"Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, wonana dzi kpɔa dzidzɔ. Yehowa ƒe sewo me kɔ, wonana ame dzea nunya." data/train/PSA/PSA_007_Verse_016.mp3,"O! Yehowa, tso, le wò dziku me; tso ɖe nye futɔwo ƒe nyanyra ŋuti. Nyɔ, nye Mawu, ne nàɖo ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anyi." data/train/PSA/PSA_129_Verse_000.mp3,"Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nye dzimegbe, eye woɖe boliƒowo wodidi," data/train/PSA/PSA_107_Verse_005.mp3,"Ame si nye nunyala la, neɖo to nu siawo, eye wòabu Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ŋuti." data/train/PSA/PSA_119_Verse_077.mp3,"Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo, be mate ŋu alé nye Mawu ƒe sewo me ɖe asi!" data/train/PSA/PSA_022_Verse_011.mp3,"Ke wò la, èle kɔkɔe, eye Israel ƒe kafukafuhawo zu fiazikpui nènɔ anyi ɖe edzi gli." data/train/PSA/PSA_080_Verse_000.mp3,Edo vɔvɔli ɖe towo tame eye wòɖe alɔ de sedati kɔkɔwo tame. data/train/PSA/PSA_068_Verse_026.mp3,"O! Mawu, èna tsi dza fũu, eye nèna wò domenyinu si nu ti kɔ na belibelibeli la gakpɔ ŋusẽ." data/train/PSA/PSA_069_Verse_013.mp3,"Hiãtɔwo akpɔe ahatso aseye, eye mi ame siwo dia Mawu la, míaƒe dziwo nenɔ agbe ɖaa!" data/train/PSA/PSA_053_Verse_003.mp3,"O! Xɔname neva tso Zion na Israel! Ne Mawu gaɖo eƒe dukɔ ƒe nunyonamewo te la, Yakob netso aseye, eye Israel nekpɔ dzidzɔ!" data/train/PSA/PSA_049_Verse_011.mp3,"Maƒu to anyi ɖe lododo ŋu, eye mato adzo kple nye kasaŋku." data/train/PSA/PSA_026_Verse_011.mp3,"O! Yehowa, melɔ̃ aƒe si me nèle, afi si wò ŋutikɔkɔe le." data/train/PSA/PSA_008_Verse_002.mp3,"dziƒoxeviwo, ƒumelãwo kple nu siwo katã ƒua tsi le atsiaƒu me la le eƒe kpɔkplɔ te." data/train/PSA/PSA_056_Verse_012.mp3,Ŋlɔ nye konyifafa da ɖi; lé nye aɖatsiwo ɖe agbalẽ dzi; ɖe womele wò nyaŋlɔɖiwo me xoxo oa? data/train/PSA/PSA_109_Verse_005.mp3,"elabena mebu dɔmenyowɔwɔ ŋuti kpɔ o, ke boŋ eƒo hiãtɔ, ame dahe kple ame si ƒe dzi gbã la ƒu anyi woku." data/train/PSA/PSA_119_Verse_163.mp3,"Wɔ nu kple wò dɔla le wò lɔlɔ̃ ta, eye nàfia wò sededewom." data/train/PSA/PSA_017_Verse_012.mp3,"Wole abe dzata dɔwui si le nu dim be yealé, hele adeklo dzi le avekɔe me ene." data/train/PSA/PSA_032_Verse_011.mp3,"Wòe nye nye bebeƒe, àɖem tso xaxa me, eye àtsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsohawo aƒo xlãm. Sela" data/train/PSA/PSA_068_Verse_019.mp3,"Mawu kplɔa ame siwo tsi akogo la dea ƒomewo me, enana ablɔɖe gamenɔlawo, eye wodzia dzidzɔhawo. Ke ame dzeaglãwo la, egblẽa wo ɖe kuɖiɖinyigba dzi." data/train/PSA/PSA_111_Verse_006.mp3,Mikafu Yehowa. Mado Yehowa ɖe dzi kple nye dzi blibo le ame dzɔdzɔewo ƒe adaŋudeha me kple amehawo dome. data/train/PSA/PSA_069_Verse_001.mp3,"Ame siwo nɔ anyi ɖe agbo nu la ɖe alɔme le ŋunye, eye ahamulawo kekeake hã kpa ha dem." data/train/PSA/PSA_067_Verse_002.mp3,"Ekema anyigba ana woaxa eƒe nukuwo fũu, eye Mawu, míaƒe Mawu la ayra mí." data/train/PSA/PSA_106_Verse_022.mp3,"Le Meriba tsiawo gbɔ, wodo dɔmedzoe na Yehowa, eye Mose kpɔ nya le woawo ta." data/train/PSA/PSA_045_Verse_004.mp3,Fiavinyɔnu la nye keklẽ sɔŋ le eƒe xɔ me; eye wotsɔ sika lé ɖe eƒe awu legbe ƒe teƒeteƒewo keŋ. data/train/PSA/PSA_085_Verse_008.mp3,"O! Mawu, míaƒe Ɖela, gaɖo mí te, míaƒe nu meganɔ dzi kum na wò o." data/train/PSA/PSA_012_Verse_001.mp3,"Ame vɔ̃ɖiwo zɔna le ablɔɖe me, eye wodea bubu yakanuwɔwɔwo ŋu le amegbetɔwo dome." data/train/PSA/PSA_052_Verse_005.mp3,"Makafu wò tegbee le nu si nèwɔ la ta; matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ade wò ŋkɔ me, elabena wò ŋkɔ nyo. Makafu wò le wò ame kɔkɔewo ŋkume." data/train/PSA/PSA_041_Verse_008.mp3,"O! Yehowa, ke wò ya kpɔ nye nublanui, kɔm ɖe dzi be maɖo teƒe na wo." data/train/PSA/PSA_118_Verse_007.mp3,"Esiae nye Yehowa ƒe agbo, afi si dzɔdzɔetɔwo ato age ɖe eme." data/train/PSA/PSA_078_Verse_053.mp3,"Nu siwo míese, eye míenya, nu siwo mía fofowo tsɔ tu xoe na mí." data/train/PSA/PSA_033_Verse_013.mp3,"Míele lalam le mɔ kpɔm na Yehowa, eyae nye míaƒe xɔname kple akpoxɔnu." data/train/PSA/PSA_086_Verse_007.mp3,"O! Aƒetɔ, dukɔ siwo katã nèwɔ la ava asubɔ le ŋkuwò me, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ." data/train/PSA/PSA_066_Verse_000.mp3,"adzɔgbe siwo nye nuyi ɖe, eye nye nu ɖe gbeƒã wo, esi meɖo xaxa me." data/train/PSA/PSA_018_Verse_009.mp3,"Efia aʋawɔwɔ nye asiwo, eye nye asiwo ate ŋu abɔ dati si wowɔ kple akɔbli." data/train/PSA/PSA_048_Verse_010.mp3,"O! Mawu, míedea ŋugble le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu le wò gbedoxɔ me." data/train/PSA/PSA_038_Verse_007.mp3,"Le nye abiawo ta, xɔ̃nyewo kple nye zɔhɛwo ƒo asa nam, eye nye aƒelikawo hã le adzɔge nam." data/train/PSA/PSA_078_Verse_047.mp3,"Ke womanɔ abe wo fofo kɔlialiatɔwo, dzidzime dzeaglã, ame siwo ƒe dzi meku ɖe Mawu ŋu o, eye woƒe gbɔgbɔ meto nyateƒe nɛ o la ene o." data/train/PSA/PSA_148_Verse_005.mp3,"Mi dziƒo kɔkɔtɔwo, mikafui, eye mi tsi siwo le alilĩa tame hã mikafui." data/train/PSA/PSA_103_Verse_016.mp3,"Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔwɔwɔwo katã, le afi sia afi, le eƒe dziɖuɖu te. O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa." data/train/PSA/PSA_041_Verse_011.mp3,"Xɔ̃nye si tsi metoa nye kplii dome o, ame si dzi meka ɖo, eye wòɖua nu kplim la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋutinye." data/train/PSA/PSA_069_Verse_034.mp3,"Woƒe ŋkuwo dzi nedo viviti be, womagate ŋu akpɔ nu o, eye na woƒe dzi me naɖo kpo tegbee." data/train/PSA/PSA_098_Verse_003.mp3,"Mi anyigbawo katã, mido dzidzɔɣli na Yehowa, migli kple hadzidzi kple saŋkuƒoƒo." data/train/PSA/PSA_089_Verse_007.mp3,"Ègbã Rahab gudugudu abe ame siwo wowu la dometɔ ɖeka ene, eye nètsɔ wò abɔ sesẽ kaka wò futɔwo." data/train/PSA/PSA_094_Verse_023.mp3,"Ɖe menye Yehowae kpe ɖe ŋunye o la, anye ne eteƒe madidi o la, manɔ ɖoɖoezizi me le tsiẽƒe." data/train/PSA/PSA_036_Verse_005.mp3,"Eɖoa nu vɔ̃ɖi le eƒe aba dzi, etsɔa eɖokui dea asi na nu si nye vɔ̃, eye megbea nu si nye nu gbegblẽ o." data/train/PSA/PSA_016_Verse_005.mp3,"Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, nye aɖe tso aseye, eye nye ŋutilã hã agbɔ ɖe eme le dedinɔnɔ me," data/train/PSA/PSA_088_Verse_007.mp3,"Nye gbedodoɖa nede gbɔwò, ƒu to anyi ɖe nye kokoƒoƒo ŋu," data/train/PSA/PSA_031_Verse_012.mp3,"Milɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo! Yehowa kpɔa nuteƒewɔlawo ta, ke eɖoa eteƒe na dadalawo wòsɔa gbɔ dea woƒe nuwɔnawo nu." data/train/PSA/PSA_086_Verse_001.mp3,"Elabena èlolo, eye nèwɔ nu dzɔatsuwo; wò koe nye Mawu." data/train/PSA/PSA_014_Verse_001.mp3,"Mi nu tovo wɔlawo, miegblẽ ame dahewo ƒe ɖoɖowo me, gake Yehowae nye woƒe sitsoƒe." data/train/PSA/PSA_119_Verse_036.mp3,"Le wò lɔlɔ̃ la ta, kpɔ nye agbe ta, eye maɖo to se siwo do tso wò nu me." data/train/PSA/PSA_089_Verse_020.mp3,"Ke boŋ eƒe ƒome anɔ anyi tegbee, eye eƒe fiazikpui ali ke le nye ŋkume abe ɣe ene." data/train/PSA/PSA_022_Verse_009.mp3,Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; ame siwo dia Yehowa la akafui. Miaƒe dziwo nenɔ agbe tegbee! data/train/PSA/PSA_113_Verse_000.mp3,"Ame kae le abe Yehowa, míaƒe Mawu la ene, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi le dziƒo," data/train/PSA/PSA_146_Verse_007.mp3,"Woayra ame si ƒe xɔnametɔ nye Yakob ƒe Mawu la, eye eƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la me." data/train/PSA/PSA_142_Verse_002.mp3,"Ne nu ti kɔ na nye gbɔgbɔ le menye la, wò koe nya nye mɔ. Ŋutsuwo tre mɔ ɖe mɔ si metona la dzi nam." data/train/PSA/PSA_119_Verse_104.mp3,"O! Yehowa, anyigba dzi yɔ fũu kple wò lɔlɔ̃, eya ta fia wò sededewom." data/train/PSA/PSA_119_Verse_072.mp3,"Metsri, eye menyɔ ŋu alakpa, ke melɔ̃ wò se la." data/train/PSA/PSA_147_Verse_007.mp3,"Eyae ɖo xexlẽme na ɣletiviwo, eye wòyɔa ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ." data/train/PSA/PSA_062_Verse_001.mp3,"Eya hɔ̃ɔ koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋuʋu o." data/train/PSA/PSA_005_Verse_007.mp3,"O! Mawu, bu fɔ wo! Na be woƒe ayemɔwo naƒu wo anyi. Ɖe wo ɖa le woƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta, elabena wodze aglã ɖe ŋuwò." data/train/PSA/PSA_088_Verse_004.mp3,"Èɖe nye zɔhɛwo kple xɔ̃nyewo ɖa le ŋunye, eye vivitie nye xɔ̃nye si tsɔ ɖe gbɔnye." data/train/PSA/PSA_083_Verse_008.mp3,"Na woanya be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ la ɖe anyigba blibo la dzi." data/train/PSA/PSA_109_Verse_017.mp3,"Ne wodrɔ̃ ʋɔnui la, woneɖe agɔdzedze nɛ, eye eƒe gbedodoɖawo nebu fɔe." data/train/PSA/PSA_057_Verse_003.mp3,"Mawu, Dziƒoʋĩtɔ lae medo ɣli na, Mawu si wɔa ɖoɖo si wòwɔ ɖe ŋunye la dzi." data/train/PSA/PSA_019_Verse_003.mp3,"Na be nye numenyawo kple nye dzi ƒe ŋugbledede nadze ŋuwò, O! Yehowa, nye Agakpe kple nye Xɔnametɔ." data/train/PSA/PSA_033_Verse_002.mp3,"be wòaɖe wo tso ku ƒe asi me, eye wòana woatsi agbe le dɔŋɔli." data/train/PSA/PSA_131_Verse_000.mp3,"David ƒe Mɔzɔha. O! Yehowa, dada mele nye dzi me o, eye ŋku gã hã mele tanye o. Nyemetsɔa ɖeke le nya gãwo me loo, alo ƒoa ta ɖe nu siwo wɔ nuku nam akpa la me o," data/train/PSA/PSA_059_Verse_008.mp3,"Nyemeda vo aɖeke o, evɔ wole klalo be woadze dzinye. Tso, nàxɔ nam; kpɔ xaxa si me mele la ɖa!" data/train/PSA/PSA_064_Verse_002.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Mawu, ɖo tom, esi meɖe nye kuxiwo na wò; kpɔ nye agbe ta tso futɔ siwo le ŋɔdzi dom nam la ƒe asi me." data/train/PSA/PSA_067_Verse_000.mp3,Ale be woanya wò mɔwo le anyigba dzi kple wò xɔxɔ le dukɔwo dome. data/train/PSA/PSA_079_Verse_008.mp3,"O! Mawu, mía Ɖela, kpe ɖe mía ŋu le wò ŋkɔ ƒe bubu ta. Ɖe mí, eye nàtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí le wò ŋkɔ la ta." data/train/PSA/PSA_089_Verse_028.mp3,"‘Maɖo wò ƒome anyi tegbee, eye mana wò fiazikpui nali ke na dzidzimewo katã.’ ” Sela" data/train/PSA/PSA_039_Verse_012.mp3,"Ɖe ŋku ɖa le ŋunye, ale be magakpɔ dzidzɔ hafi mayi, eye nyemaganɔ anyi o.”" data/train/PSA/PSA_130_Verse_007.mp3,"O! Yehowa, ne àlé amewo ƒe nu vɔ̃wo ɖe agbalẽ me ada ɖi la, O! Aƒetɔ, ame ka ate ŋu anɔ te?" data/train/PSA/PSA_119_Verse_060.mp3,"Mekpɔ seɖoƒe na nu de blibo ɖe sia ɖe, gake wò sededewo ya la, seɖoƒe meli na wo o." data/train/PSA/PSA_107_Verse_033.mp3,"Wokpɔ dzidzɔ esi wòdze kɔ anyi, eye wòkplɔ wo va se ɖe esime wova ɖo afi si wodi be yewoanɔ." data/train/PSA/PSA_070_Verse_003.mp3,"Na be ame siwo le gbɔgblɔm be, “Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃!” la natrɔ megbe adzo kple ŋukpe." data/train/PSA/PSA_095_Verse_001.mp3,"Ale le nye dɔmedzoe me, meka atam be, “Womayi ɖe nye dzudzɔ la me gbeɖe o.”" data/train/PSA/PSA_062_Verse_000.mp3,"David ƒe ha na Hɛnɔ Yedutun. Mawu me ko nye luʋɔ kpɔ gbɔɖeme le, eye eya ko gbɔ nye xɔxɔ tsona." data/train/PSA/PSA_054_Verse_000.mp3,"Amedzrowo tso ɖe ŋunye, ŋutasẽlawo ti nye agbe yome, ame siwo mebua Mawu ɖe naneke me o. Sela" data/train/PSA/PSA_150_Verse_002.mp3,"Mikafui kple ayawagba eve siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii. Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve siwo ƒe gbe ɖina sesĩe." data/train/PSA/PSA_033_Verse_005.mp3,"Ele eƒe nɔƒe ke hekpɔ ame siwo katã le anyigba dzi," data/train/PSA/PSA_058_Verse_011.mp3,"Woƒe aɖi le abe da ƒe aɖi ene. Egale abe ƒli si xe nu eƒe to me ene," data/train/PSA/PSA_002_Verse_002.mp3,"Àtsɔ gafiatikplɔ aɖu wo dzii, eye àxlã wo ɖi, woakaka abe ale si ze gbãnae ene.”" data/train/PSA/PSA_098_Verse_002.mp3,"kpẽkuku kple lãdzokuku kpakple dzidzɔɣli do ɖe Yehowa, fia la ŋkume." data/train/PSA/PSA_033_Verse_001.mp3,"Aʋakɔ gbogbo si le fia aɖe si la mate ŋu aɖee o, eye ŋusẽ triakɔ hã meɖea kalẽtɔ o." data/train/PSA/PSA_018_Verse_006.mp3,"Eda eƒe aŋutrɔ, eye wòkaka eƒe futɔwo, eɖo dzikedzo ɖa, eye wòtɔtɔ wo." data/train/PSA/PSA_119_Verse_006.mp3,"Amedzroe menye le anyigba dzi, eya ta mègaɣla wò sededewo ɖem o." data/train/PSA/PSA_121_Verse_007.mp3,"Yehowa aɖe wò le vɔ̃wo katã me, eye wòakpɔ wò agbe ta." data/train/PSA/PSA_077_Verse_009.mp3,"O! Mawu, meɖo ŋku dziwò, eye meɖe hũu. Mele ŋeŋem, eye nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Sela" data/train/PSA/PSA_004_Verse_001.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. Nye Mawu dzɔdzɔetɔ, tɔ nam ne meyɔ wò. Na gbɔdzɔem le nye xaxa me; kpɔ nye nublanui, eye nàse nye gbedodoɖa." data/train/PSA/PSA_074_Verse_012.mp3,Wò futɔwo le gbe ɖem le afi si nèdo go mí le; wova tsi woƒe aflaga ɖe teƒe la be wòanye dzesi anɔ afi ma. data/train/PSA/PSA_037_Verse_016.mp3,"Gake eteƒe medidi o ko, enu va yi, eye megali o; togbɔ be medii hã la, nyemeke ɖe eŋuti o." data/train/PSA/PSA_019_Verse_014.mp3,"Ɣe dzena tso dziƒo ƒe go ɖeka dzi, eye wòzɔna yia go kemɛ dzi, naneke meɣla ɖe eƒe dzoxɔxɔ o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_087.mp3,"Na ŋu nakpe dadala, le esi wòwɔ vɔ̃ ɖe ŋunye, nye nanekemawɔmawɔe; ke nye la, made ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu." data/train/PSA/PSA_002_Verse_004.mp3,"Eya ta mi fiawo, midze nunya, eye mi anyigbadzidumegãwo, miɖo to nuxlɔ̃ame." data/train/PSA/PSA_107_Verse_004.mp3,"Ame dzɔdzɔe kpɔe, eye wòkpɔ dzidzɔ, gake ame vɔ̃ɖiwo katã mia woƒe nu." data/train/PSA/PSA_069_Verse_022.mp3,"O! Mawu, ènya nye bometsitsi, eye nye fɔɖiɖi mele ɣaɣla ɖe wò o." data/train/PSA/PSA_097_Verse_001.mp3,"Dzo le bibim le eŋgɔ, eye wòle eƒe futɔwo fiam le akpa sia akpa." data/train/PSA/PSA_105_Verse_012.mp3,"Ena woƒe tsiwo trɔ zu ʋu, eye to esia me woƒe tɔmelãwo ku." data/train/PSA/PSA_122_Verse_000.mp3,"Afi ma to vovovoawo yina, Yehowa ƒe toawo, be woakafu Yehowa, le ɖoɖo si wòna Israel nu." data/train/PSA/PSA_144_Verse_013.mp3,"wò ame si na dziɖuɖu fiawo, eye nèɖe wo dɔla David tso yi vɔ̃ɖi ƒe asi me." data/train/PSA/PSA_075_Verse_003.mp3,"ke boŋ Mawue nye afiatsola, eɖea ame sia le zi dzi, eye wòdoa ame kemɛ ɖe dzi." data/train/PSA/PSA_118_Verse_003.mp3,"Dukɔwo katã ɖe to ɖem, gake le Yehowa ƒe ŋkɔ me, metsrɔ̃ wo katã." data/train/PSA/PSA_080_Verse_002.mp3,"Ekema míatrɔ le yowòme o; gbɔ agbe mí, eye míayɔ wò ŋkɔ." data/train/PSA/PSA_058_Verse_005.mp3,"eye ne gbesala ɖe gbe nɛ la, mewɔa edzi o; aleke gbegbee dzotɔ la bi ɖe gbesasa mee hã la, mesenɛ o." data/train/PSA/PSA_143_Verse_003.mp3,"Le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta, mia nu na nye futɔwo; tsrɔ̃ nye ketɔwo katã, elabena wò dɔlae menye." data/train/PSA/PSA_052_Verse_008.mp3,"Vavã, Mawu hã aƒu wò anyi ɖe gbegblẽ mavɔ me. Mawu ahe wò ado goe tso wò agbadɔ me, aho wò kple ke tso agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Sela" data/train/PSA/PSA_091_Verse_006.mp3,"ekema dzɔgbevɔ̃e maɖi kpe wò o, eye gbegblẽ mate ɖe wò agbadɔ ŋu o," data/train/PSA/PSA_081_Verse_001.mp3,"Ame siwo lé fu Yehowa la ada alakpa le eŋkume, eye woƒe tohehe anɔ anyi tegbee." data/train/PSA/PSA_119_Verse_003.mp3,"Ame siwo lɔ̃a wò se la, kpɔa ŋutifafa gã aɖe, eye naneke mawɔ wo woakli nu o." data/train/PSA/PSA_021_Verse_008.mp3,Eƒe ŋkɔxɔxɔ de du to dziɖuɖu siwo nènae la me. Ètsɔ atsyɔ̃ kple bubu kɔ ɖe eya amea dzi. data/train/PSA/PSA_037_Verse_022.mp3,"Ke woatsrɔ̃ nu vɔ̃ wɔlawo katã, eye woaɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa." data/train/PSA/PSA_078_Verse_009.mp3,"Egblẽ woƒe waingblewo kple kpetsi, eye woƒe gbotiwo kple tsidzadza sesẽ." data/train/PSA/PSA_005_Verse_008.mp3,"O! Yehowa, èyraa ame dzɔdzɔewo vavã, eye nètsɔa wò amenuveve ƒoa xlã wo abe akpoxɔnu ene." data/train/PSA/PSA_084_Verse_007.mp3,"Woayra ame siwo nɔa wò aƒe me la, elabena wole kafuwòm ɖaa. Sela" data/train/PSA/PSA_083_Verse_010.mp3,"nenemae nàti wo yomee kple wò ya sesẽ, eye nàdo ŋɔdzi na wo kple wò ahom." data/train/PSA/PSA_092_Verse_015.mp3,ɖe ka ewo gakasaŋku kple kasaŋku ƒe gbe vivi nu. data/train/PSA/PSA_022_Verse_029.mp3,"Ŋusẽ vɔ le ŋunye abe ze gbagbã ene, eye nye aɖe lé ɖe nye nu me, elabena ètsɔm mlɔ ku ƒe ʋuʋudedi me." data/train/PSA/PSA_056_Verse_013.mp3,"Ɖe woƒe vɔ̃ɖinyenye ta la, megana mɔ woasi o; O! Mawu, he dukɔwo ƒu anyi le wò dɔmedzoe me." data/train/PSA/PSA_009_Verse_002.mp3,"Ame vɔ̃ɖiwo gbugbɔ yi yɔ me, nenema kee nye dukɔ siwo ŋlɔ Mawu be." data/train/PSA/PSA_080_Verse_017.mp3,"Wolã wò wainka, wotɔ dzoe, eye wò mokaname na wò amewo tsrɔ̃." data/train/PSA/PSA_102_Verse_015.mp3,"le wò dziku helĩhelĩ la ta elabena èdom ɖe dzi, eye nètsɔm ƒu gbe ɖe adzɔge." data/train/PSA/PSA_073_Verse_014.mp3,"Ke nye la, nye afɔ ɖiɖi kloe, eye esusɔ vie ko medze anyi." data/train/PSA/PSA_069_Verse_030.mp3,"Vlododo na nye dzi gbã, eye mezu xɔnamemanɔsitɔ; mekpɔ mɔ na babadoname, gake ɖeke meli o. Mekpɔ mɔ na akɔfalawo, gake nyemekpɔ ɖeke o." data/train/PSA/PSA_018_Verse_027.mp3,"Mate ŋu alũ ɖe aʋakɔ dzi to wò kpekpeɖeŋu me, eye le nye Mawu ta mate ŋu ati kpo aflɔ gli." data/train/PSA/PSA_073_Verse_011.mp3,"Eya ta woƒe amewo trɔ ɖe wo gbɔ, eye wono tsi fũu." data/train/PSA/PSA_119_Verse_021.mp3,"Esiae nye nye akɔfafa le nye fukpekpe me, be wò ŋugbedodo ɖe nye agbe." data/train/PSA/PSA_077_Verse_002.mp3,Èna nye ŋkuwo gbe miamia; fuɖeɖewo sɔ gbɔ ale gbegbe be nyemate ŋu aƒo nu o. data/train/PSA/PSA_097_Verse_002.mp3,"Eƒe dzikedzo si akaɖi ɖe xexea me, eye anyigba kpɔe heʋuʋu heyeheye." data/train/PSA/PSA_079_Verse_003.mp3,"Elabena wovuvu Yakob, eye wogbã eƒe denyigba." data/train/PSA/PSA_009_Verse_008.mp3,"Elabena eya, ame si biaa hlɔ̃ hlɔ̃dolawo la, ɖoa ŋku edzi, medoa toku hiãtɔwo ƒe ɣlidodo o." data/train/PSA/PSA_037_Verse_009.mp3,"Bu ame maɖifɔ la ŋu, eye nàlé ŋku ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu, elabena ŋgɔgbe li na ŋutifafamewo katã." data/train/PSA/PSA_054_Verse_003.mp3,"Masa lɔlɔ̃nuvɔsa na wò, O! Yehowa, makafu wò ŋkɔ, elabena enyo." data/train/PSA/PSA_118_Verse_011.mp3,"Mada akpe na wò, elabena èɖo tom, eye nèzu nye xɔname." data/train/PSA/PSA_065_Verse_008.mp3,"Lãnyiƒe siwo le gbegbe la yɔ gbagba, eye wotsɔ aseyetsotso ta na togbɛwo." data/train/PSA/PSA_149_Verse_000.mp3,"Ame kɔkɔewo nekpɔ dzidzɔ le eƒe bubu me, eye woadzi ha kple dzidzɔ le woƒe abawo dzi." data/train/PSA/PSA_049_Verse_009.mp3,"Ke Mawu aɖe nye agbe tso ku me, eye wòaxɔm ɖe eɖokui gbɔ. Sela" data/train/PSA/PSA_119_Verse_133.mp3,"Trɔ nye dzi ɖe wò sewo ŋu, ke menye ɖe ɖokuitɔdidi ƒe viɖe ŋu o." data/train/PSA/PSA_029_Verse_010.mp3,"Yehowa ƒe gbe ʋuʋu dzogbenyigba, eye Yehowa ʋuʋu Kades Dzogbenyigba." data/train/PSA/PSA_132_Verse_000.mp3,"Eka atam na Yehowa, eye wòɖe adzɔgbe na Yakob ƒe Ŋusẽtɔ la be," data/train/PSA/PSA_109_Verse_029.mp3,"Wotsɔ fɔbubu nam ɖe nye lɔlɔ̃ teƒe, ke nye la, ame si doa gbe ɖa vevie lae menye." data/train/PSA/PSA_102_Verse_005.mp3,"Elabena meɖu dzowɔ abe nuɖuɖu ene, eye metsɔ aɖatsi tɔtɔ nye nunonoe," data/train/PSA/PSA_031_Verse_008.mp3,"Megblɔ le nye dzikatsoƒo me be: “Woɖem ɖa le wò ŋkume azɔ!” Ke hã la, èse nye nublanuiɣlidodo esi meyɔ wò be nàxɔ nam." data/train/PSA/PSA_102_Verse_002.mp3,"be wòase gamenɔlawo ƒe ŋeŋe, eye wòaɖe ga ame siwo wotso kufia na.”" data/train/PSA/PSA_144_Verse_011.mp3,"O! Yehowa, nu kae nye amegbetɔ be nètsɔ ɖe le eme nɛ kple amegbetɔvi be nèbua eŋuti?" data/train/PSA/PSA_007_Verse_010.mp3,"Ne menye nenema o la, woavuvum abe ale si dzata vuvua nui ene, eye woavuvum ʋayaʋaya, xɔnametɔ aɖeke mava ɖem o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_031.mp3,"Hafi woava aka hiãm la, metra mɔ, ke azɔ la, meɖo to wò nya la." data/train/PSA/PSA_144_Verse_008.mp3,"Nenema ke míaƒe nyiwo atsɔ agba kpekpewo vɛ. Ale gli gbagbã maganɔ anyi o, aboyomeyiyi maganɔ anyi o, eye xaxa ƒe avifafa magaɖi le míaƒe mɔtatawo dzi azɔ o." data/train/PSA/PSA_029_Verse_004.mp3,"Yehowa na gboti sesẽwo ʋuʋu heyeheye, eye wòna avewo lũ xɛ. Le eƒe gbedoxɔ me la, ame sia ame do ɣli be, “Ŋutikɔkɔe!”" data/train/PSA/PSA_049_Verse_001.mp3,Ame aɖeke mate ŋu aɖe nɔvia ƒe agbe alo atsɔ ga aƒle etae le Mawu gbɔ o. data/train/PSA/PSA_078_Verse_034.mp3,"Ewɔ nukunu le wo fofowo ŋkume le Egiptenyigba dzi, le Zoan nuto me." data/train/PSA/PSA_109_Verse_006.mp3,"Elɔ̃a ɖiŋudodo, eya ta ɖiŋudodo neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi; amewo yayra medoa dzidzɔ nɛ o, eya ta yayra nete ɖa xaa tso eya ŋutɔ gbɔ." data/train/PSA/PSA_060_Verse_012.mp3,"Xɔ na mí, eye nàɖe mí kple wò nuɖusi, be ame siwo nèlɔ̃ la nakpɔ xɔxɔ." data/train/PSA/PSA_035_Verse_022.mp3,"Wokea woƒe nu baa ɖe ŋutinye hegblɔna be, “Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃! Míawo ŋutɔ míekpɔe kple míaƒe ŋkuwo.”" data/train/PSA/PSA_109_Verse_028.mp3,Wotsɔ fulényawo ƒo xlãm; wotso ɖe ŋunye nanekemawɔmawɔe. data/train/PSA/PSA_074_Verse_013.mp3,"Wòe gbã Leviatan ƒe ta, eye nètsɔe wɔ nuɖuɖui na gbemelãwo." data/train/PSA/PSA_013_Verse_001.mp3,"Ekema nye futɔwo agblɔ be, “Meɖu edzi,” eye nye ketɔwo akpɔ dzidzɔ ne medze anyi." data/train/PSA/PSA_102_Verse_007.mp3,"Elabena Yehowa agbugbɔ Zion atso, eye wòado le eƒe ŋutikɔkɔe me." data/train/PSA/PSA_032_Verse_002.mp3,"Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye zã kple keli katã, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye abe dzomeŋɔli ƒe dzoxɔxɔ mee mele ene. Sela" data/train/PSA/PSA_004_Verse_005.mp3,"Minyae be Yehowa tia mawuvɔ̃lawo na eɖokui, eya ta Yehowa asee, ne meyɔe." data/train/PSA/PSA_071_Verse_010.mp3,"Nye nuyiwo ado dzidzɔɣli, ne mele kafukafuhawo dzim na wò, nye ame si nèɖe." data/train/PSA/PSA_026_Verse_010.mp3,"O! Yehowa, lolom, dom kpɔ; eye nàdzro nye dzi kple tamesusu hã me," data/train/PSA/PSA_010_Verse_006.mp3,"Etoa ƒu ɖe lãme na ame siwo wòlé, woƒe mo tsyɔa zi, eye womuna dzea anyi le eƒe ŋusẽ te." data/train/PSA/PSA_072_Verse_018.mp3,Woakafu eƒe ŋkɔ si ŋu ŋutikɔkɔe le la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me; eƒe ŋutikɔkɔe neyɔ anyigba blibo la dzi. data/train/PSA/PSA_079_Verse_009.mp3,"O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? Ɖe nàdo dɔmedzoe tegbeea? Va se ɖe ɣe ka ɣi wò ŋuʋaʋã abi abe dzo ene?" data/train/PSA/PSA_071_Verse_013.mp3,"O! Mawu, ne metsi, ƒo wɔ hã la, mègagblẽm ɖi o, va se ɖe esime maɖe gbeƒã wò ŋusẽ na dzidzime si ava dzɔ kple wò ŋusẽ na ame siwo woava dzi." data/train/PSA/PSA_106_Verse_016.mp3,"Gake Finehas tsi tsitre hetso nya me, tete dɔvɔ̃ la nu tso." data/train/PSA/PSA_119_Verse_027.mp3,"Futɔ siwo ti yonyeme la sɔ gbɔ ŋutɔ, gake nyemetrɔ le wò ɖoɖowo yome o." data/train/PSA/PSA_106_Verse_006.mp3,"Elabena wodze aglã ɖe Mawu ƒe Gbɔgbɔ ŋuti, eye nya vlowo ge le Mose nu." data/train/PSA/PSA_108_Verse_008.mp3,"O! Mawu, woado wò ɖe dzi agbɔ dziƒowo ŋu, eye na wò ŋutikɔkɔe naxɔ anyigba blibo la dzi." data/train/PSA/PSA_045_Verse_006.mp3,"Korah ƒe viwo ƒe nufiameha si nye srɔ̃ɖeha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe dzogbenya ƒe gbeɖiɖi nu. Nya nyuiwo le fiefiem le nye dzi me esi mele ha sia kpam na fia la, eye nye aɖee nye nuŋlɔla adodoea ƒe nuŋlɔti." data/train/PSA/PSA_132_Verse_012.mp3,"“Nyemage ɖe aƒenye me, alo aɖamlɔ nye aba dzi o." data/train/PSA/PSA_147_Verse_002.mp3,"Ekaka tsikpe abe ɖetifu ene, eye wòkaka afu abe dzofi ene." data/train/PSA/PSA_143_Verse_002.mp3,"Futɔ la ti yonyeme, egbãm ɖe anyigba, eye wòna menɔ viviti me abe ame siwo ku xoxo va yi la ene." data/train/PSA/PSA_119_Verse_121.mp3,"O! Yehowa, xɔ kafukafu si nye nu dzra ɖo ɖi la, eye nàfia wò sewom." data/train/PSA/PSA_078_Verse_025.mp3,"Esi Yehowa se wo ŋkɔ la, dzi kui vevie; eƒe dzo bi ɖe Yakob ŋu, eye eƒe dɔmedzoe de dzi ɖe Israel ŋu," data/train/PSA/PSA_060_Verse_003.mp3,"Èʋuʋu anyigba la, eye nèfee wòle nuvo, eya ta gatre eƒe gbagbãƒeawo, elabena ele ʋuʋum." data/train/PSA/PSA_145_Verse_015.mp3,"Yehowa kpɔa ame siwo katã lɔ̃nɛ la ta, gake atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã." data/train/PSA/PSA_119_Verse_161.mp3,"Wotsɔm mlɔ anyigba le ke me, kpɔ nye agbe ta le wò nya la nu." data/train/PSA/PSA_037_Verse_011.mp3,"elabena esusɔ vie woayrɔ abe gbe ene, eye abe gbe mumu ene la, woaku wo atsɔ aƒu gbe." data/train/PSA/PSA_065_Verse_002.mp3,"Ède tsi eƒe boliƒowo, eye nègbã kpoteƒewo wozu sɔsɔe. Ètsɔ agbafie bɔbɔ anyigba lae, eye nèyra eƒe nukuwo." data/train/PSA/PSA_108_Verse_006.mp3,"Moab nye nye tsiletɔkpo, matsɔ nye atokota aƒu gbe ɖe Edom dzi, eye mado dziɖuɖuɣli ɖe Filistia ŋu.”" data/train/PSA/PSA_119_Verse_016.mp3,"ekema maɖo eŋu na ame si le alɔme ɖem le ŋunye, elabena meka ɖe wò nya dzi." data/train/PSA/PSA_018_Verse_042.mp3,"Wò, O! Yehowae na nye akaɖi le bibim, eye nye Mawu trɔ nye viviti wòzu kekeli." data/train/PSA/PSA_118_Verse_025.mp3,"Yehowa li kplim, eyae nye nye xɔnametɔ. Makpɔ nye futɔwo ta ɖa le dziɖuɖu me." data/train/PSA/PSA_107_Verse_007.mp3,"Ame siwo Yehowa ɖe la negblɔ esia; ame siwo wòɖe tso futɔ la ƒe asi me," data/train/PSA/PSA_060_Verse_006.mp3,"Kpe ɖe mía ŋu, ɖe míaƒe futɔwo ŋuti, elabena amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele ɖeke me o." data/train/PSA/PSA_078_Verse_046.mp3,"Ke hafi nuɖuɖu si wodzro la navɔ, eye esi wògale nu me na wo ko la," data/train/PSA/PSA_063_Verse_005.mp3,"Makafu wò, zi ale si mele agbe, eye mado nye asiwo ɖe dzi le wò ŋkɔ me." data/train/PSA/PSA_097_Verse_005.mp3,"Mi ame dzɔdzɔewo, mitso aseye le Yehowa me, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la." data/train/PSA/PSA_105_Verse_038.mp3,"Wode kunyowu afɔ nɛ, wode abi eŋu, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ," data/train/PSA/PSA_068_Verse_024.mp3,Mikafu Mawu le ameha gã la dome. Mikafu Yehowa le Israelviwo ƒe takpekpe me. data/train/PSA/PSA_089_Verse_046.mp3,"Wòe wɔ anyiehe kple dziehe; ne Tabɔr kple Hermon se wò ŋkɔ ko la, wodzia ha, tsoa aseye." data/train/PSA/PSA_069_Verse_035.mp3,"Yehowa ɖoa to hiãtɔwo, eye medoa vlo eƒe ame siwo le aboyome o." data/train/PSA/PSA_144_Verse_007.mp3,Míaƒe avawo ayɔ fũu kple nuku vovovowo. Míaƒe alẽwo adzi ɖe edzi le akpewo kple akpe ewowo me le míaƒe lãnyiƒewo. data/train/PSA/PSA_066_Verse_012.mp3,Midzi eƒe ŋkɔ ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ha; mikafu Mawu ƒe gãnyenye! data/train/PSA/PSA_069_Verse_002.mp3,"Bu fɔ wo, eye nàgabu fɔ wo ɖe edzi; mègana woakpɔ gome le wò xɔname me o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_169.mp3,"Ɖe ŋukpe si vɔ̃m mele la ɖa, elabena wò sewo nyo." data/train/PSA/PSA_039_Verse_000.mp3,"“Amegbetɔ le yiyim, le gbɔgbɔm, ke vɔvɔli ko wònye. Ele agbagba dzem, gake wo katã nye nu dzodzro Eli kɔ kesinɔnuwo gleglegle, gake menya ame si ƒe asi me woayi ɖo o." data/train/PSA/PSA_048_Verse_003.mp3,elabena Mawu siae nye míaƒe Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me; eyae anye mía kplɔla yi ɖase ɖe nuwuwu. data/train/PSA/PSA_094_Verse_013.mp3,"Tso, o xexea me ƒe Ʋɔnudrɔ̃la, ɖo nu si dadalawo wɔ la teƒe na wo." data/train/PSA/PSA_055_Verse_021.mp3,"Zã kple keli wole tatam le eƒe gliwo dzi, eye nugbeɖoɖo kple hiãkame le eme." data/train/PSA/PSA_022_Verse_007.mp3,"Elabena menyɔ ŋu alo do vlo ame siwo le fu kpem la ƒe hiãtuame o; meɣla eƒe mo ɖee o, ke boŋ eɖo to eƒe ɣlidodo na kpekpeɖeŋu." data/train/PSA/PSA_135_Verse_015.mp3,"O! Israel ƒe aƒe, mikafu Yehowa, O! Aron ƒe aƒe, mikafu Yehowa," data/train/PSA/PSA_119_Verse_127.mp3,"Togbɔ be ame vɔ̃ɖiwo blam kple ka hã la, nyemaŋlɔ wò sewo be o." data/train/PSA/PSA_071_Verse_016.mp3,"O! Nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku le wò nuteƒewɔwɔ ta; madzi kafukafuha na wò kple gasaŋku, O! Israel ƒe Kɔkɔetɔ." data/train/PSA/PSA_073_Verse_000.mp3,"Aleae ame vɔ̃ɖiwo le, wole ablɔɖe me ɣe sia ɣi, eye wodzia woƒe kesinɔnuwo ɖe edzi." data/train/PSA/PSA_094_Verse_017.mp3,"Wowu ahosiwo kple amedzrowo, eye wowu tsyɔ̃eviwo hã." data/train/PSA/PSA_022_Verse_003.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe “Zinɔ le ŋdi kanyaa” ƒe gbeɖiɖi nu. Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi? Nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi na xɔxɔ nam, eye nète ɖa xaa tso nye hũɖeɖe gbɔ?" data/train/PSA/PSA_038_Verse_014.mp3,Nye dzidada kɔ gbɔ tanye abe agba kpekpe si nyemate ŋu atsɔ o la ene. data/train/PSA/PSA_059_Verse_012.mp3,"O! Yehowa, wò koe le wo kom, èɖe alɔme le dukɔ mawo katã ŋu." data/train/PSA/PSA_078_Verse_017.mp3,"ena mana dza tso dziƒo na dukɔ la be woaɖu, eye wòna bli wo tso dziƒo." data/train/PSA/PSA_099_Verse_005.mp3,"O! Yehowa, míaƒe Mawu, wòe tɔ na wo; togbɔ be èhe to na wo le woƒe nu tovowo ta hã la, ènye tsɔtsɔke ƒe Mawu na Israel." data/train/PSA/PSA_049_Verse_006.mp3,ayi aɖawɔ ɖeka kple fofoa ƒe dzidzime si magakpɔ agbe ƒe kekeli akpɔ o. data/train/PSA/PSA_119_Verse_141.mp3,"Wò la, ènyo, eye nu si nèwɔ la hã nyo, eya ta fia wò sededewom." data/train/PSA/PSA_018_Verse_014.mp3,"Ena dziɖuɖu gãwo eƒe fia la; eɖe amenuveve si nu meyi o la fia David, eƒe amesiamina la kple eƒe dzidzimeviwo tegbee." data/train/PSA/PSA_062_Verse_012.mp3,"Woɖoe vavã be yewoatutui tso eƒe nɔƒe kɔkɔ la, elabena wolɔ̃a alakpadada. Wotsɔa woƒe nuwo gblɔa yayranyawoe, ke fiƒode le woƒe dzi me. Sela" data/train/PSA/PSA_145_Verse_017.mp3,"Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla; medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi." data/train/PSA/PSA_068_Verse_029.mp3,"O! Mawu, yɔ wò ŋusẽ vɛ; O! Mawu, ɖe wò ŋusẽ fia mí abe tsã ene." data/train/PSA/PSA_114_Verse_002.mp3,eya ame si trɔ agakpe wòzu tɔʋu kple agakpe sesẽ wòzu tsidzɔƒe. data/train/PSA/PSA_022_Verse_017.mp3,"Mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o, elabena xaxa tum, eye ame aɖeke meli axɔ nam o." data/train/PSA/PSA_119_Verse_049.mp3,"Mede ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu, eye melé ŋku ɖe wò mɔwo ŋu." data/train/PSA/PSA_067_Verse_006.mp3,"O! Mawu, dukɔwo akafu wò, anyigbadzidukɔwo katã akafu wò." data/train/PSA/PSA_026_Verse_002.mp3,"elabena wò lɔlɔ̃ le ŋkunye me ɖaa, eye mezɔna le wò nyateƒe la me ɣe sia ɣi." data/train/PSA/PSA_036_Verse_007.mp3,"O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ kɔ ɖatɔ dziƒowo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ tɔ dziŋgɔli ke." data/train/PSA/PSA_034_Verse_004.mp3,"Dzɔgbevɔ̃e awu ame vɔ̃ɖi, eye woabu fɔ ame dzɔdzɔewo ƒe futɔwo." data/train/PSA/PSA_097_Verse_010.mp3,"Yehowa le fia ɖum, anyigba nekpɔ dzidzɔ, eye ƒutadu siwo le didiƒe ke la netso aseye." data/train/PSA/PSA_102_Verse_012.mp3,"Ke wò la, ègale ale si nènɔ, eye wò ƒewo mawu enu akpɔ o." data/train/PSA/PSA_069_Verse_009.mp3,"Esi mefa avi, tsi nu dɔ la, vlododo boŋ wozu nam;" data/train/PSA/PSA_010_Verse_000.mp3,"Ame vɔ̃ɖi dadala he hiãtɔ ƒu anyi, ke wògena ɖe mɔ si wòtre da ɖi la me." data/train/PSA/PSA_101_Verse_008.mp3,"Ŋdi sia ŋdi la, mana ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi la nazi ɖoɖoe. Maɖe nu tovo wɔla ɖe sia ɖe ɖa le Yehowa ƒe du la me." data/train/PSA/PSA_079_Verse_006.mp3,"Nu ka ŋuti dukɔwo agblɔ be, “Afi ka woƒe Mawu la le?” Le míawo ŋutɔ ƒe ŋkume, na dukɔwo nanya be, èbia hlɔ̃ na wò dɔla siwo ƒe ʋu wokɔ ɖi." data/train/PSA/PSA_139_Verse_016.mp3,"O! Mawu, negbe ɖe nàtsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hafi! Mite ɖa le gbɔnye, mi hlɔ̃dolawo!" data/train/PSA/PSA_013_Verse_003.mp3,"Kpɔm ɖa, eye nàɖo nya ŋu nam, O! Yehowa, nye Mawu. Na kekeli naklẽ ɖe nye ŋkuwo dzi, ne menye nenema o la, madɔ alɔ̃ ayi ku me." data/train/PSA/PSA_050_Verse_022.mp3,"Wò la èlé fu nye nufiame, eye nètsɔ nye nyawo ƒu gbe ɖe megbe." data/train/PSA/PSA_090_Verse_017.mp3,Wò dɔmedzoe la tsrɔ̃ mí eye wò dɔmedzoe do ŋɔdzi na mí. data/train/PSA/PSA_150_Verse_004.mp3,Mitsɔ kpẽkuku kafui. Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui. data/train/PSA/PSA_055_Verse_013.mp3,Nye dzi le nu xam vevie le menye; ku ƒe ŋɔdzi ɖe to ɖem. data/train/PSA/PSA_107_Verse_015.mp3,"Etrɔ gbegbe wòzu tɔʋu, eye kuɖiɖinyigba zu tsidzɔƒe;" data/train/PSA/PSA_029_Verse_001.mp3,"Ena Lebanon ti kpo abe nyivi ene, eye Sirion hã abe tovi ene." data/train/PSA/PSA_053_Verse_000.mp3,"David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe nublanuigbe me. Bometsila gblɔ le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame baɖawo, woƒe mɔwo hã nye nu tovowo, ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o." data/train/PSA/PSA_104_Verse_012.mp3,"eye wòɖo eƒe dziƒoxɔwo ƒe sɔtiwo ƒe agunu anyi ɖe woƒe tsiwo dzi. Etsɔ lilikpowo wɔ eƒe tasiaɖam, eye wònɔ ya ƒe aʋalawo dzi." data/train/PSA/PSA_073_Verse_018.mp3,"Nyateƒee, dzodzro ko wònye be mewɔ nye dzi dzadzɛ, eye dzodzroe meklɔ nye asi ɖe fɔmaɖimaɖi me." data/train/PSA/PSA_089_Verse_002.mp3,"Ayɔm be, ‘Wòe nye Fofonye, nye Mawu, nye Agakpe kple Ɖela.’" data/train/PSA/PSA_031_Verse_017.mp3,"O! Yehowa, mègana ŋu nakpem o, elabena wòe medo ɣli na; ke na ŋu nakpe ame vɔ̃ɖiwo, eye ɖoɖoe nazi le wo nu le yɔme." data/train/PSA/PSA_138_Verse_008.mp3,"Yehowa ana eƒe ta me si wòɖo ɖe ŋunye la nava eme. O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ li ɖaa, mègagblẽ wò asinudɔwɔwɔwo ɖi o." data/train/PSA/PSA_118_Verse_008.mp3,Israel negblɔ be; “Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.” data/train/PSA/PSA_129_Verse_005.mp3,"Na be ame siwo katã tsri Zion la, nagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe." data/train/PSA/PSA_143_Verse_004.mp3,"Mègabu fɔ wò dɔla o, elabena amegbetɔ aɖeke mele dzɔdzɔe le ŋkuwò me o." data/train/PSA/PSA_004_Verse_004.mp3,"Migawɔ nu vɔ̃ ne dzi ku mi o; ne miele miaƒe abawo dzi la, midzro miaƒe dziwo me, eye mizi ɖoɖoe. Sela" data/train/PSA/PSA_005_Verse_001.mp3,Ètsrɔ̃ aʋatsokalawo; Yehowa tsri hlɔ̃dolawo kple ameblelawo. data/train/PSA/PSA_077_Verse_019.mp3,Ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la vɔ tegbetegbea? Ɖe eƒe ŋugbedodo vɔ hena ɣeyiɣiawo katã? data/train/PSA/PSA_105_Verse_026.mp3,"Ke esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko, womesɔ gbɔ o, eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la," data/train/PSA/PSA_113_Verse_002.mp3,"Efɔ ame dahe ɖe tsitre tso ke me, eye wòfɔ hiãtɔ ɖe dzi tso dzowɔ me;" data/train/PSA/PSA_122_Verse_009.mp3,Ŋutifafa nenɔ wò gliwo me kple dedinɔnɔ le wò fiasãwo me.” data/train/PSA/PSA_087_Verse_005.mp3,"Vavã, woagblɔ le Zion ŋu be, “Wodzi esia kple ekemɛ le afi ma, eye Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ aɖo egɔme anyi.”" data/train/PSA/PSA_148_Verse_007.mp3,"mi towo kple togbɛwo katã, atikutsetsetiwo kple sedatiwo katã," data/train/PSA/PSA_102_Verse_019.mp3,"Miŋlɔ esia ɖi hena dzidzime siwo ava dzɔ, ale be ame siwo womedzi haɖe o la nakafu Yehowa be:" data/train/PSA/PSA_045_Verse_015.mp3,"Tiro vinyɔnu atsɔ nunana vɛ, eye ŋutsu kesinɔtɔwo ava bia amenuveve tso gbɔwò." data/train/PSA/PSA_073_Verse_010.mp3,"Eya ta dada nye woƒe kɔga, eye wodo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ abe awu ene." data/train/PSA/PSA_078_Verse_014.mp3,"Emegbe la, wògbe nu le Yosef ƒe agbadɔwo gbɔ, eye metia Efraim ƒe to la o." data/train/PSA/PSA_071_Verse_011.mp3,"Nye sitsoƒe ƒe agakpe, afi si mate ŋu abe ɖo ɣe sia ɣi. Ɖe gbe be woaxɔ nam, elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ." data/train/PSA/PSA_025_Verse_018.mp3,"Trɔ ɖe ŋunye ne nàve nunye, elabena metsi akogo, eye hiã tum." data/train/PSA/PSA_071_Verse_004.mp3,"Mava aɖe gbeƒã wò nu dzɔatsuwo, O Aƒetɔ Yehowa. Maɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye, wò ɖeka tɔ ko." data/train/PSA/PSA_078_Verse_007.mp3,"David kpɔ wo dzi le dzi dzɔdzɔe me, eye wòkplɔ wo le aɖaŋu me." data/train/PSA/PSA_024_Verse_003.mp3,"Ame si ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me le dzadzɛe, ame si metsɔ eƒe luʋɔ na legba o, eye mekaa aʋatso heta nu dzodzro o." data/train/PSA/PSA_114_Verse_007.mp3,"Towo ti kpo abe agbowo ene, eye togbɛwo abe alẽviwo ene." data/train/PSA/PSA_034_Verse_002.mp3,"Ame siwo tsɔ woƒe ŋku da ɖe edzi la aklẽ, ŋukpe matsyɔ mo na wo o." data/train/PSA/PSA_073_Verse_005.mp3,"Dzidada dona tso woƒe dzi si ku atri la me, eye seɖoƒe meli na woƒe susu ƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖoɖo o." data/train/PSA/PSA_018_Verse_008.mp3,"Edo asi ɖa tso dziƒo lém, Heɖem tso tɔ goglowo me." data/train/PSA/PSA_020_Verse_007.mp3,"Neɖo ŋku wò vɔsawo katã dzi, eye wòaxɔ wò numevɔsawo. Sela" data/train/PSA/PSA_051_Verse_018.mp3,"Ŋuwò, wò ko ŋu mewɔ nu vɔ̃ ɖo, eye nu si nye vɔ̃ le wò ŋkume la mewɔ, eya ta ne èle nu ƒom la, woaɖee afia be tɔwò dzɔ, eye ne ètso afia la, woagblɔ be ele eteƒe." data/train/PSA/PSA_073_Verse_015.mp3,"Ke nye ya la, enyo be mate ɖe Mawu ŋu. Aƒetɔ Yehowae mewɔ nye sitsoƒee, maxlẽ wò nuwɔwɔwo katã afia." data/train/PSA/PSA_071_Verse_024.mp3,"Xɔ nam, eye nàɖem le wò dzɔdzɔenyenye la ta; trɔ wò to ɖe gbɔnye, eye nàxɔ nam." data/train/PSA/PSA_116_Verse_015.mp3,"O! Luʋɔnye, gagbɔ ɖe eme, elabena Yehowa nyo dɔ me na wò." data/train/PSA/PSA_068_Verse_009.mp3,"Esi nèlia yi dzi la, ètɔ ka aboyomewo hekplɔ dzoe, èxɔ nunana tso amewo gbɔ, tso aglãdzelawo gɔ̃ hã gbɔ, be wò, O! Yehowa Mawu, àte ŋu anɔ afi ma." data/train/MAL/MAL_002_Verse_004.mp3,"“ ‘Kpɔ ɖa, le miawo ta la, maka ŋkume na miaƒe dzidzimeviwo, eye matsɔ lã siwo mietsɔ vɛ nam la ƒe afɔdzi ahlẽ ɖe mo na mi, eye matsɔ mi aƒu gbe ɖe aɖukpo dzi." data/train/MAL/MAL_003_Verse_004.mp3,Ekema miakpɔ vovototo si le ale si Mawu wɔna na ame dzɔdzɔe siwo ɖoa toe kple ame vɔ̃ɖi siwo meɖoa toe o la dome.” data/train/MAL/MAL_003_Verse_001.mp3,"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso wo ŋutie nye esi: “Woanye tɔnye le ŋkeke ma dzi ne mele ƒu ƒom nye nu xɔasiwo. Abe ale si ŋutsu léa be na ɖevi si ɖoa toe ene la, nenema ke malé be na woe." data/train/MAL/MAL_002_Verse_007.mp3,"Miefa avi bia Yehowa be: “Mawu, nu ka tae nègblẽ mí ɖi?” Magblɔ nu si ta wògble mi ɖi la na mi; Yehowa kpɔ ale si miewɔ tamesesẽ hegbe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo nɔ anyi kpli mi le nyateƒetoto me ƒe geɖe lae. Evɔ mieɖe adzɔgbe be miakpɔ wo dzi, eye miagblẽ wo ɖi ɣe aɖeke ɣi akpɔ o." data/train/MAL/MAL_001_Verse_012.mp3,"Tso ɣedzeƒe yi ɖe ɣetoɖoƒe ke la, dukɔ bubuwo ado nye ŋkɔ ɖe dzi tso ŋdi va se ɖe fiẽ. Le xexea me godoo woatsɔ vɔsa ʋeʋẽ lĩlĩlĩwo kple vɔsa kɔkɔewo ade bubu nye ŋkɔ ŋuti elabena mexɔ ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/MAL/MAL_003_Verse_014.mp3,"Mitsɔ miaƒe nu ewoliawo katã va nudzraɖoƒe lae ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ɖe nye gbedoxɔ me. Mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu akɔ yayra ɖe mia dzi fũu ale gbegbe be miaƒe nuɖuɖudzraɖoƒe ayɔ agbagba o mahã? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/MAL/MAL_003_Verse_008.mp3,"“Kpɔ ɖa, madɔ nye dɔla ɖo ɖa be wòata mɔ le ŋgɔnye eye Aƒetɔ si miele mɔ kpɔm na la ado ɖe eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi. Dɔla si ŋugbe wodo le nubabla la me, si dim miele la ava.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/MAL/MAL_003_Verse_013.mp3,"“Miegblɔ be, ‘Enye nu dzodzro be woasubɔ Mawu. Viɖe ka míekpɔ to eƒe sewo dzi wɔwɔ me eye míezɔ le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe konyifalawo ene?’" data/train/MAL/MAL_001_Verse_007.mp3,"Miegblɔ be, ‘Mawusubɔsubɔ kple eƒe seawo dzi wɔwɔ sesẽ loo!’ Ale miegblɔ be, ‘yewomawɔ ɖe se siwo wòde na mi la dzi o,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Mibu eŋuti kpɔ! Mietsɔ lã xɔabiwo, lã lédɔwo kple lã siwo mede blibo o la sa vɔe nam!” Yehowa be, “Enyo be maxɔ nunana sia tɔgbiwoa?" data/train/MAL/MAL_004_Verse_005.mp3,"“Miɖo ŋui ne miawɔ ɖe se siwo katã mede na Israel dukɔ la to nye dɔla, Mose dzi le Horeb to dzi la dzi." data/train/MAL/MAL_001_Verse_001.mp3,"“Azɔ miele kuku ɖem be, Mawu, kpɔ míaƒe nublanui, Esi mietsɔ nunana madzemadze mawo vɛ ɖe, nu ka ta wòakpɔ nublanui na mi?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/MAL/MAL_001_Verse_000.mp3,"Ame si ɖe adzɔgbe be yeatsɔ lãtsu si de blibo le yeƒe lãhawo dome asa vɔe na Yehowa gake wòɖɔlii kple lã lédɔ la, fiƒode neva edzi wòaɖi eŋu kpekpekpe elabena nye la, Fiagãe menye eye ele be woatsɔ vɔvɔ̃ na nye ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ nya siawo." data/train/MAL/MAL_001_Verse_004.mp3,"Ke Esau ya la melé fui, metrɔ eƒe nɔƒe wòzu gbegbe, eye metsɔ eƒe domenyinu na amegaxiwo.”" data/train/MAL/MAL_001_Verse_005.mp3,"“Ke miawo ya miedo gui hele gbɔgblɔm be, ‘Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o,’ eye ‘edzinuɖuɖu le ŋu nyɔm.’" data/train/MAL/MAL_003_Verse_012.mp3,“Mawu ƒe fiƒode dziŋɔ le mia dzi elabena dukɔ blibo lae le bayem. data/train/MAL/MAL_003_Verse_017.mp3,"“Yehowa be, ‘Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋutinye’, “Gake miebiam be, ‘Nya kae míegblɔ ɖe ŋutiwò si mele be míagblɔ o?’" data/train/MAL/MAL_002_Verse_016.mp3,"Ŋunyɔnuwɔwɔ xɔ aƒe ɖe Yuda, Israel kple Yerusalem eye Yuda ŋutsuwo do gu Yehowa ƒe gbedoxɔ kɔkɔe si gbɔ melɔ̃a nu le o la elabena woɖe nyɔnu siwo subɔa mawu bubuwo." data/train/MAL/MAL_004_Verse_003.mp3,"“Kpɔ ɖa, maɖo Nyagblɔɖila Eliya ɖe mi hafi Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke gã dziŋɔ la naɖo." data/train/MAL/MAL_002_Verse_013.mp3,"“Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be yetsri srɔ̃gbegbe kple ŋutsu ŋutasẽla vɔ̃ɖiwo. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.” Eya ta miɖu mia ɖokuiwo dzi ne miadzudzɔ srɔ̃gbegbe." data/train/MAL/MAL_003_Verse_009.mp3,"“Le ɣe ma ɣi me la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tohehe atsɔ ŋutɔ. Manye ɖasefo zazɛ̃ aɖe ɖe nukalawo, ahasiwɔlawo, atam dzodzro kalawo, ame siwo baa woƒe dɔwɔviwo, ame siwo tea ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe to, ame siwo baa amedzrowo kple ame siwo mevɔ̃am o la ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/MAL/MAL_003_Verse_005.mp3,Ekema Yehowa agaxɔ Yuda kple Yerusalemtɔwo ƒe vɔsa abe tsã ene. data/train/MAL/MAL_003_Verse_007.mp3,"“Ke ame siwo vɔ̃ Yehowa, eye wolɔ̃e la ƒo nu nyui tso eŋuti na wo nɔewo eye Mawu ɖo to eye wòsee. Ena woŋlɔ ame siwo vɔ̃e, eye wolɔ̃e la ƒe ŋkɔwo ɖe ŋkuɖodzigbalẽ gã aɖe me da ɖi.”" data/train/MAL/MAL_002_Verse_010.mp3,"Nyateƒe ƒe se le nu me nɛ, eye alakpa aɖeke mele eƒe nuyiwo nu o. Ezɔ kplim le ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye me, eye wòna ame geɖewo trɔ tso woƒe nu vɔ̃wo me." data/train/MAL/MAL_003_Verse_006.mp3,"Gake azɔ la, míegblɔna be, ‘Woyraa dadalawo. Nu dzea edzi na nu vɔ̃ wɔlawo, gawu la, ne wote Mawu kpɔ la, tohehe mevaa wo dzi o.’" data/train/MAL/MAL_002_Verse_017.mp3,"Ɖe menye fofo ɖeka ƒe viwoe míenye oa? Eye ɖe menye Mawu ɖekae wɔ mí katã oa? Ekema nu ka ta míewɔa nu tovowo ɖe mía nɔewo ŋuti, eye míetua mía fofowo ƒe nubabla la?" data/train/MAL/MAL_002_Verse_000.mp3,"Ekema mlɔeba la, mianyae be nyee xlɔ̃ nu mi be miatrɔ ɖe nubabla si mewɔ kple mia fofo, Levi la ŋuti.’ ” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/MAL/MAL_003_Verse_018.mp3,"“Ɖe amegbetɔ ate ŋu ada adzo Mawu hafi miawo ya mieda adzom mahã? “Ke míebia be, ‘Aleke míeda adzo wòe?’ “Mieda adzo nye nu ewolia kple nunana siwo nye tɔnye la eye mietsɔa wo nam o." data/train/MAL/MAL_002_Verse_014.mp3,"Yehowa netsrɔ̃ ame sia ame si awɔ nu sia la ɖa tso Yakob ƒe ƒomea me, eɖanye nunɔla loo alo hamevi, togbɔ be wòtsɔa vɔsa dona ɖe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume gɔ̃ hã." data/train/MAL/MAL_003_Verse_016.mp3,"“Tso keke mia tɔgbuitɔgbuiwo ŋɔli ke la, miegbea nu le nye seawo gbɔ eye miewɔa wo dzi o. Mitrɔ ɖe ŋunye eye nye hã matrɔ ɖe mia ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Ke miebia be, ‘Aleke míawɔ atrɔ ɖe ŋutiwòe?’" data/train/MAL/MAL_001_Verse_009.mp3,"“Mietsɔ nuɖuɖu makɔmakɔwo sa vɔe nam le nye vɔsamlekpui dzi, “Gake miebiam be, ‘Gbe ka gbee míewɔ nane nenema kpɔ?’ “Le esime míedoa vlo Yehowa ƒe kplɔ̃ le amewo gbɔ be megale ɖeke me o." data/train/MAL/MAL_004_Verse_000.mp3,Atrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu eye viwo ƒe dziwo ɖe fofowo ŋu be nyemana fiƒode nava anyigba la dzi o.” data/train/MAL/MAL_004_Verse_001.mp3,"Ekema gbe si gbe mawɔ esia la, mianye avuzi le ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye woanɔ abe dzofi ene le miaƒe afɔ te." data/train/MAL/MAL_002_Verse_009.mp3,"Nu bubu si miegawɔe nye be, mietsɔ aɖatsi, avifafa kple hũɖeɖe tsɔ tsyɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi elabena megatsɔa ɖeke le miaƒe vɔsasa me o, eye megayraa mi hã o." data/train/MAL/MAL_001_Verse_011.mp3,"“O, nunɔla ɖeka pɛ hã mele mia dome si atu gbedoxɔ ƒe ʋɔtruwo, ale be miadzudzɔ vɔsanu madzemadze siawo tsɔtsɔ va vɔsamlekpui la dzi oa?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe, “eye miaƒe nu mele ŋunye nyom kura o, eye miaƒe nunana aɖeke hã medze ŋunye o." data/train/MAL/MAL_003_Verse_010.mp3,"Made se na nu siwo gblẽa agblemenukuwo la be womagblẽ míaƒe agblemenukuwo o, eye miaƒe wain tsetsewo magblẽ adudu hafi woƒe ɖiɖiɣi naɖo o.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/MAL/MAL_002_Verse_011.mp3,"“Nye nubabla sia ƒe taɖodzinue nye be wòanye agbe kple ŋutifafa nɛ eye metsɔ vɔvɔ̃ de asi nɛ, evɔ̃m eye nye ŋkɔ do ŋɔdzi nɛ." data/train/MAL/MAL_002_Verse_001.mp3,"“Ele be Mawu ƒe nya kple nunya nado go tso nunɔla nu ɣe sia ɣi ale be amewo nasrɔ̃ Yehowa ƒe sewo tso egbɔ, elabena nunɔlae nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔla, eye wòle be amewo nava egbɔ hena nuxɔxlɔ̃ kple afɔɖoƒefiafia wo." data/train/MAL/MAL_003_Verse_000.mp3,“Ale dukɔwo katã ayɔ mi be yayramewo elabena dzidzɔkpɔkpɔ deto axɔ aƒe ɖe mia me.” Esiawoe Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ. data/train/MAL/MAL_001_Verse_002.mp3,"Edom gblɔ be, “Togbɔ be wogbã mi hã la, míagatso aƒedoawo.” Ke Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la agblɔ be, “Migbugbɔ tso duawo ne miate ŋui, gake magagbã wo, elabena woƒe dukɔa ŋkɔe nye, Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba, ame siwo ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa." data/train/MAL/MAL_002_Verse_012.mp3,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be, ‘Ne mietrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi hede bubu ŋunye o la, maƒo fi ade mi, eye mana be miaƒe yayrawo nazu fiƒode. Le nyateƒe me la, meƒo ƒi de mi xoxo elabena mieɖo ta me be yewoade bubu ŋunye o.’" data/train/MAL/MAL_003_Verse_003.mp3,"Anɔ anyi abe sika kple klosalo klɔla ene eye wòaklɔ Levi ƒe dzidzimeviwo ŋuti woadza abe sika alo klosalo ene, ale be woate ŋu asa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me." data/train/MAL/MAL_002_Verse_008.mp3,"Mietsɔ miaƒe nya kukluiwo do dziku na Yehowa. Gake miebua biae be, “Aleke míedo dziku na wòe?” Miedo dziku nɛ elabena miegblɔ be, “Nuvɔ̃wɔla ɖe sia ɖe nye ame nyui le Yehowa ŋkume eye woawo gɔ̃ hã ƒe nue nyoa eŋu” Miebia be, “Afi ka Mawu, ʋɔnudrɔ̃la la le?”" data/train/LUK/LUK_009_Verse_028.mp3,"Gake kɔƒea me tɔwo gbe be yewomana xɔ ame dɔdɔawo o, esi wònye Yerusalem woɖo yina ta." data/train/LUK/LUK_002_Verse_012.mp3,"elabena wobu be eya kple woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ bubuwo do megbe. Ke esi fiẽ ɖo, eye womekpɔe o la, wode asi edidi me le woƒe ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo dome." data/train/LUK/LUK_001_Verse_000.mp3,"(abe ale si wògblɔe to eƒe Nyagblɔɖila kɔkɔewo dzi le blema ene)," data/train/LUK/LUK_024_Verse_041.mp3,"Woge ɖe yɔdoa me, gake womekpɔ Aƒetɔ Yesu ƒe kukua o." data/train/LUK/LUK_022_Verse_060.mp3,"Wobia be, “Afi ka nèdi be míayi aɖadzra ɖo?”" data/train/LUK/LUK_011_Verse_028.mp3,"“Ke babaa na mi Farisitɔwo! Togbɔ be mieɖoa ŋku edzi tsɔa ahamɛ kple ƒãglo kpakple ama bubu ƒomeviwo katã ƒe ewolia naa Mawu hã la, miedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o, eye mieŋlɔna be be Mawu ƒe lɔlɔ̃ li gɔ̃ hã. Enyo be miatsɔ miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia aɖo Mawu ŋkume, gake mele be miaŋlɔ nu vevi siawo be o." data/train/LUK/LUK_023_Verse_032.mp3,"Ke ameawo ganɔ nutsotso nam le eŋu vevie ŋutɔ. Wogblɔ na Pilato be, “Ne medze agɔ o hã la, ehe tɔtɔ geɖe vɛ. Ena be amewo le tsitre tsim ɖe dziɖuɖua ŋu le afi sia afi si wòde hefia nu la. Ewɔ esia ƒo xlã Yudea godoo kpe ɖo tso keke Galilea va se ɖe Yerusalem ke!”" data/train/LUK/LUK_013_Verse_032.mp3,"Yesu yɔe va eɖokui gbɔe eye wògblɔ nɛ be, “Nyɔnu, èvo tso wò dɔléle la si me!”" data/train/LUK/LUK_010_Verse_008.mp3,"Esi ŋu ke la, Samariatɔ la tsɔ ga home si hiã la na amedzrodzeƒedzikpɔla be wòatsɔ akpɔ amea dzii. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Nenye be nu si miegblẽ ɖe eta sɔ gbɔ wu ga home si metsɔ na mi la, mava xe fea mamlɛa nenye be megatrɔ va afii.’ ”" data/train/LUK/LUK_023_Verse_038.mp3,"Le ɣeyiɣi siawo katã me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ tsitre ɖe afi ma nɔ nutsotso geɖewo nam le Yesu ŋu kabakaba ŋutɔ." data/train/LUK/LUK_024_Verse_042.mp3,Wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo tso nu siwo katã va dzɔ la ŋuti. data/train/LUK/LUK_006_Verse_024.mp3,"Ku si ati aɖe tsena lae wotsɔna dzea si ati si ƒomevi wònye lae; elabena womegbea gbowo le ŋutiwo dzi o, alo wotsoa wainkpo le ŋuve me." data/train/LUK/LUK_002_Verse_002.mp3,"Ale esia anye dzesi na mi be miakpɔ ɖevi aɖe si woxatsa abadzivɔ ɖe eŋu, eye wotsɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me.”" data/train/LUK/LUK_024_Verse_035.mp3,Miawoe nye ɖasefowo na nu siawo katã. data/train/LUK/LUK_012_Verse_045.mp3,"Nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu aɖo atsyɔ̃ na mi sãa wu gbe siawo oa? O, mi xɔse ʋɛ tɔwo!" data/train/LUK/LUK_001_Verse_043.mp3,"gake esi mèxɔ dzinye se o ta la, wò aɖe atu, eye màgate ŋu aƒo nu o, va se ɖe esime woadzi ɖevi sia. Elabena woŋlɔ ɖi be nye nyawo ava eme pɛpɛpɛ nenye be ɣeyiɣi la ɖo.”" data/train/LUK/LUK_024_Verse_037.mp3,"Nu sia wɔ moya na wo ŋutɔ eya ta wonɔ tsitre ɖe yɔdoa to henɔ ta me bum le nu si dzɔ ŋu, kasia ame eve siwo do awu ɣi siwo nɔ dzo dam miamiamia la va do ɖe wo dome." data/train/LUK/LUK_011_Verse_042.mp3,"Nenye be enye nyateƒe abe ale si miegblɔe be Belzebul ye le dɔ wɔm le menye be manya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa la, aleke Satana ƒe fiaɖuƒe anɔ tee, nenye be ema ɖe eya ŋutɔ ŋuti?" data/train/LUK/LUK_022_Verse_018.mp3,elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve sem ale gbegbe be fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene ɖe anyigba le esime wònɔ gbe dom ɖa atraɖii. data/train/LUK/LUK_001_Verse_064.mp3,"Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ayɔ mewò, eya ta ɖevi si nàdzi la anɔ Kɔkɔe, eye wòanye Mawu ƒe Vi." data/train/LUK/LUK_024_Verse_019.mp3,"Gake womekpɔe dze si o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe ŋkuwo dzi." data/train/LUK/LUK_012_Verse_025.mp3,“Ho neni akpakpa atɔ̃ xɔna? Menye sidi ʋɛ aɖe koe oa? Woƒe home mede naneke kura o ɖe? Gake Mawu meŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ hã be o. data/train/LUK/LUK_005_Verse_036.mp3,Yesu kpɔ ʋu eve siwo me ame aɖeke menɔ o la le ta la to. Ɖɔkplɔlawo nɔ woƒe ɖɔwo kpalam le tsia me. data/train/LUK/LUK_004_Verse_029.mp3,"Mibu Nyagblɔɖila Elisa, ame si da gbe le Naaman si nye Siriatɔ la ŋu kpɔ. Togbɔ be kpodɔléla geɖewo hã nɔ Israel siwo hiã gbedada vevie hã, Elisa meda gbe le woawo ŋu o, negbe Naaman Siriatɔ la ko.”" data/train/LUK/LUK_006_Verse_029.mp3,"“Migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke, eye Mawu hã nadrɔ̃ ʋɔnu mi o. Migabu fɔ ame aɖeke, eye Mawu hã nabu fɔ mi o. Mitsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo, eye Mawu hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi." data/train/LUK/LUK_023_Verse_016.mp3,"Esi Romasrafo siwo klã Yesu ɖe ati ŋu la ƒe amegã kpɔ nu si dzɔ la, vɔvɔ̃ ɖoe, ale wòkafu Mawu gblɔ be, “Le nyateƒe me, ame sia medze agɔ aɖeke o.”" data/train/LUK/LUK_012_Verse_015.mp3,"Eye nenye be dzimaɖeɖi mate ŋu awɔ nu sue siwo megblɔ va yi o la, viɖe kae wòanye be miatsi dzimaɖeɖi ɖe nu gãwo ŋu?" data/train/LUK/LUK_004_Verse_044.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, ‘Mègate Mawu wò Aƒetɔ la kpɔ o.’ ”" data/train/LUK/LUK_021_Verse_009.mp3,"Elabena dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe akpe akɔ kple fiaɖuƒe." data/train/LUK/LUK_001_Verse_006.mp3,"ame siwo tu woƒe ŋutinyawo ɖe nyadzɔdzɔ siwo woxɔ tso ame siwo nye nuteƒekpɔlawo le gɔmedzedzea me la gbɔ, eye wonye dɔlawo na nya la." data/train/LUK/LUK_011_Verse_052.mp3,"Yesu yi edzi gagblɔ na wo be, “Mitsɔe be, xɔ̃ aɖe le mia dometɔ ɖeka si, eye woyi xɔ̃a gbɔ zãtitina hegblɔ nɛ be, ‘Xɔ̃nye do abolo etɔ̃ nam," data/train/LUK/LUK_019_Verse_003.mp3,"“Ame gbãtɔ va do, eye wògblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nènam la mekpɔ viɖe teƒe ewo ɖe edzi.’" data/train/LUK/LUK_013_Verse_001.mp3,“Aleke miebu tso ame wuienyi siwo dzi Siloam gbetakpɔxɔ la mu dze woku la ŋu? Woawoe nye nu vɔ̃ wɔla gãtɔwo wu le Yerusalem mahã? data/train/LUK/LUK_022_Verse_047.mp3,"Le xexea me la, aƒetɔ nɔa kplɔ̃ ŋu, eye eƒe subɔviwo va subɔnɛ. Gake esia mele mia dome le afii o! Elabena nyee nye miaƒe subɔvi." data/train/LUK/LUK_009_Verse_052.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si le agble ŋlɔm, eye wògale megbe kpɔm la medze na mawufiaɖuƒe la o.”" data/train/LUK/LUK_009_Verse_012.mp3,"Egblɔ na wo be, “Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòaɖe asi le xexe sia me nyawo ŋu atsɔ eƒe atitsoga gbe sia gbe, eye wòanɔ ŋunye ɖaa." data/train/LUK/LUK_017_Verse_008.mp3,"Anyo nɛ be woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, eye woatsɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me wu esi wòaɖia ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nu wòawɔ nu vɔ̃." data/train/LUK/LUK_006_Verse_033.mp3,“Mizu nublanuikpɔlawo abe ale si mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene. data/train/LUK/LUK_017_Verse_004.mp3,"Ame sia ame si adi vevie be yeatsi agbe la aku, eye ame si aku la atsi agbe." data/train/LUK/LUK_020_Verse_043.mp3,"Yesu gatrɔ ɖe ameha la gbɔ, eye wòdo lo sia na wo be, “Ŋutsu aɖe de waingble, eye wòtsɔe de agbledela bubuwo si hedzo yi du didi aɖe me afi si wònɔ ƒe geɖe." data/train/LUK/LUK_022_Verse_069.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Xexe sia me fiawo ɖua aƒetɔ ɖe wo teviwo dzi, eye amegã bubuwo hã tea wo teviwo ɖe to, gake teviawo bua ame siawo katã amenuvelawoe." data/train/LUK/LUK_020_Verse_032.mp3,"Mlɔeba la woɖo eŋu nɛ be, “Míenya afi si wòtso o.”" data/train/LUK/LUK_015_Verse_013.mp3,"“Fofoa gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ ɖa, vinye lɔlɔ̃a, nye kpli wò míeli xoxoxo. Nu sia nu si le asinye la, tɔwòe." data/train/LUK/LUK_020_Verse_041.mp3,"Wova Yesu gbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míenyae be nufiala anukwaretɔe nènye. Ètoa nyateƒe ɣe sia ɣi, eye mèkpɔa ame aɖeke hã ŋkume o, ke boŋ èfiaa nu si nye Mawu ƒe mɔwo." data/train/LUK/LUK_021_Verse_034.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Ɣeyiɣi aɖe li gbɔna esime woagbã nu siwo kafum miele la. Woagbãe ale gbegbe be kpe ɖeka pɛ hã magasusɔ ɖe nɔvia dzi o. Woatu asi nu sia nu aƒu anyi.”" data/train/LUK/LUK_013_Verse_027.mp3,"Mlɔeba la, egblɔ na abɔdzikpɔla be nelã atia ƒu anyi. Egblɔ kpe ɖe eŋu dzikutɔe be, ‘Melala ʋuu ƒe etɔ̃ sɔŋ, gake ati sia metse ku ɖeka pɛ hã kpɔ o! Lãe ƒu anyi. Nu ka ta magana wòanɔ te? Ele mɔ xem na anyigba la.’" data/train/LUK/LUK_023_Verse_026.mp3,"Gake ɖeko ameha la gado ɣli sesĩe wu be, “Klãe ɖe ati ŋu! Klãe ɖe ati ŋu!”" data/train/LUK/LUK_007_Verse_023.mp3,"Le ame dɔdɔwo ƒe dzodzo vɔ megbe la, Yesu ƒo nu na ameha la le Yohanes ŋuti. Ebia wo be, “Nu ka miedo go yi gbedzi be miakpɔ? Aƒla si ya le ƒoƒoma?" data/train/LUK/LUK_004_Verse_012.mp3,"Esia wɔ nuku na ameawo ŋutɔ, ale wobia wo nɔewo be, “Ŋusẽ ka ƒomevie le ame sia ƒe nyawo ŋu, ale be gbɔgbɔ vɔ̃ ŋutɔwo gɔ̃ hã ɖoa toe?”" data/train/LUK/LUK_017_Verse_015.mp3,"Eya ta minɔ ŋudzɔ. “Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ la, ka mo nɛ, eye ne etrɔ le eƒe dzi me la, tsɔe kee." data/train/LUK/LUK_007_Verse_033.mp3,"Ne menye nenema o la, ekema nu kae mieyi ɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoea? Ao, ame siwo doa awu xɔasiwo, eye wonɔa agbe kɔkɔ la, fiasãwo mee wokpɔa wo le." data/train/LUK/LUK_006_Verse_000.mp3,"Ale si tututu nèdina be amewo newɔ na ye la, wò hã wɔ na wo nenema." data/train/LUK/LUK_020_Verse_012.mp3,"Biabia lae nye, ‘Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?’ ”" data/train/LUK/LUK_016_Verse_007.mp3,"“Egblɔ be, ‘Ao, Fofo Abraham, nenye be ame aɖe atso ame kukuwo dome ayi wo gbɔ la, woatrɔ dzi me.’" data/train/LUK/LUK_015_Verse_017.mp3,"Gake via gblɔ nɛ be, ‘Mesubɔ wò kple nye ŋutetewo katã ƒe geɖe. Nyemeda wò sedede ɖeka pɛ hã dzi kpɔ o, ke mèna gbɔ̃vi ɖeka tetim kpɔ be mawu ne nye kple xɔ̃nyewo míaɖa nu aɖu akpɔ dzidzɔ o." data/train/LUK/LUK_023_Verse_041.mp3,"Míawo ya tohehe sia dze mí, elabena nu si dze míaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo la, eya kpɔm míele. Ke ame sia ya mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.”" data/train/LUK/LUK_002_Verse_050.mp3,"Yesu, ɖevi la ɖo eŋu be, “Nu ka ta wòle be miadim ɖo? Mienya be ele be manɔ Gbedoxɔ la me, afi si nye Fofonye ƒe aƒe me oa?”" data/train/LUK/LUK_015_Verse_020.mp3,"“Le ɣeyiɣi siawo katã me la, nɔvia tsitsitɔ ya nɔ dɔ wɔm le agble me. Esi wòtrɔ gbɔna va aƒe me la, ese ʋuƒoƒo kple hadzidzi ƒe ɖiɖi le aƒea me," data/train/LUK/LUK_010_Verse_009.mp3,"Etɔ, dze klo ɖe egbɔ, eye wòklɔ eƒe abiawo hetsɔ ami kple wain ɖo wo me hebla abiawo. Emegbe ekɔe da ɖe eƒe tedzi dzi, eye wòkplɔe ɖɔɖɔɖɔ va ɖo amedzrodzeƒe aɖe, eye wònɔ egbɔ zã bliboa." data/train/LUK/LUK_002_Verse_019.mp3,"Esi woɖo Betlehem la, Maria ƒe ŋkeke de be wòadzi vi," data/train/LUK/LUK_024_Verse_011.mp3,"Esi wònɔ nua ƒom la, etsɔ eƒe asiwo do ɖe wo gbɔ be woakpɔ abi siwo gatagbadzɛwo de eŋu le eƒe asiƒome kple afɔƒome la ɖa." data/train/LUK/LUK_024_Verse_036.mp3,"Milé ŋku ɖe nye asiwo kple afɔwo ŋu nyuie! Miva lém kpɔ, eye miakpɔe kɔtɛe be menye ŋɔlie menye o! Elabena ŋɔliwo la, ŋutilã menɔa wo ŋu abe ale si mele ene o.”" data/train/LUK/LUK_006_Verse_013.mp3,"Dzidzɔ gã ŋutɔ le mia lalam, ne amewo lé fu mi, ɖe mi le woƒe ha me, eye wodzu mi, heƒo ɖi miaƒe ŋkɔ ɖe Amegbetɔ Vi la ta!" data/train/LUK/LUK_023_Verse_025.mp3,Gake ɖeko ameawo ganɔ ɣli dom sesĩe atraɖii be woaklã Yesu ɖe ati ŋu. data/train/LUK/LUK_022_Verse_065.mp3,Yesu dɔ Petro kple Yohanes be woado ŋgɔ aɖawɔ dzadzraɖo na yewoƒe Ŋutitotoŋkekea ɖuɖu. data/train/LUK/LUK_022_Verse_003.mp3,"Ameawo gado ɣli sesĩe be, “Ɖe míegahiã ɖasefo bubuwo be woatso ame sia nua? Gbeɖe! Míawo ŋutɔ míesee tso eya ŋutɔ ƒe nu me!”" data/train/LUK/LUK_022_Verse_042.mp3,"Ke Petro gado dzi gblɔ be, “Ŋutsu, nyemenya naneke kura tso nu si gblɔm nèle la ŋu o.” Eye esi wòɖe nu le nya siawo me ko la, koklo ku atɔ." data/train/LUK/LUK_015_Verse_028.mp3,"Subɔvi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Nɔviwòe gbɔ, eye fofowò wu nyivi si míele nuɖuɖu namii be wòada ami la, heɖo kplɔ̃ gã aɖe be woatsɔ do dzidzɔe ɖe eŋu be etrɔ gbɔ dedie.’" data/train/LUK/LUK_016_Verse_014.mp3,"“Eɖo eŋu be, ‘Amitimi kilolita etɔ̃.’ “Gakɔntametola gblɔ nɛ be, ‘Tsɔ wò fegbalẽ gbãtɔ, nɔ anyi kaba, eye nàtrɔe wòazu kilolita ɖeka kple afã.’" data/train/LUK/LUK_009_Verse_023.mp3,"Esi ŋutsuvi la gbɔna ɖe Yesu gbɔ la, gbɔgbɔ vɔ̃ la gaxlãe ɖe anyigba sesĩe, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃a be wòado go le ɖevia me, eye wòdo le eme enumake; ale Yesu da gbe le ɖevia ŋu hetsɔe na fofoa." data/train/LUK/LUK_022_Verse_016.mp3,"Edzo le nusrɔ̃lawo gbɔ, zɔ vie ko, eye wòdze klo do gbe ɖa be," data/train/LUK/LUK_015_Verse_018.mp3,"Gbe ɖeka la, suetɔ va gblɔ na fofoa be, ‘Medi be nàtsɔ domenyinu si le tɔnye zu ge la nam fifia, nyemate ŋu alala va se ɖe esime nàku hafi o.’ Fofoa lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi, eye wòma eƒe nuwo me hetsɔ etɔ nɛ." data/train/LUK/LUK_018_Verse_025.mp3,"le ahosi sia ƒe fuɖeɖe nam atraɖii ta la, makpɔ egbɔ be wotrɔ nu si nye etɔ la nɛ ale be magana be nu nati kɔ nam mlɔeba la le eƒe fuɖeɖe nam ta o!’ ”" data/train/LUK/LUK_005_Verse_011.mp3,"Esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, egblɔ na dɔnɔa be, “Ŋutsu, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”" data/train/LUK/LUK_008_Verse_047.mp3,Nyɔnu si wɔ nenem nu sia la kpɔe be nu si yewɔ la le nyanya na Yesu eya ta etsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe eŋkume hegblɔ nu si ta wòka asi eŋu kple ale si wòkpɔ dɔyɔyɔ enumake la nɛ. data/train/LUK/LUK_019_Verse_036.mp3,"Le esia megbe la, efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake nunɔlagãwo, sefialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim be yewoaɖe eƒe agbe ɖa." data/train/LUK/LUK_011_Verse_009.mp3,"“Baba na mi Farisitɔwo! Elabena mielɔ̃a bubuteƒenɔnɔ le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miedina be amewo nado gbe na yewo kple bubu tɔxɛ nenye be miezɔ to ablɔ dzi va yina." data/train/LUK/LUK_020_Verse_014.mp3,"Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ame sia ame si akli kpe sia la aŋe afɔ. Ke ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu.”" data/train/LUK/LUK_011_Verse_026.mp3,"Gbe ɖeka Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe le tokunɔ aɖe me, eye amea de asi nuƒoƒo me enumake. Ame siwo nɔ afi ma la kpɔ dzidzɔ hetso aseye le nukunu sia ta." data/train/LUK/LUK_015_Verse_003.mp3,"“Dɔ me ve viŋutsuvi tsitsitɔ la ŋutɔ, eya ta egbe be yemage ɖe aƒea me o. Fofoa yi ɖaɖe kuku nɛ be wòage ɖe aƒea me." data/train/LUK/LUK_024_Verse_022.mp3,"Ke ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu o, elabena dzidzɔ kple ɖikeke yɔ wo me fũu. Le esia ta la, ebia wo be, “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afi sia?”" data/train/LUK/LUK_015_Verse_008.mp3,"Esime ga vɔ le esi teti ko la, dɔ dziŋɔ aɖe to le anyigba ma dzi, ale dɔ de asi ewuwu me." data/train/LUK/LUK_015_Verse_006.mp3,"Esia na be Yesu do lo sia na wo be," data/train/LUK/LUK_002_Verse_009.mp3,Edzilawo mese nya si wògblɔ na wo la gɔme o. data/train/LUK/LUK_012_Verse_035.mp3,"Miawo la, miɖi dɔla siwo le mɔ kpɔm na woƒe aƒetɔ be ne egbɔ tso srɔ̃ɖeƒe eye wòva ƒo ʋɔa la, ne yewoaʋui nɛ enumake." data/train/LUK/LUK_021_Verse_017.mp3,"Eye ne miese be aʋa dzɔ, eye ʋunyaʋunyawo hã dze egɔme la, dzidzi megaƒo mi o. Nyateƒe ele be nu siawo nava me gbã, gake nuwuwua mava enumake o." data/train/LUK/LUK_004_Verse_000.mp3,"Abosam gblɔ nɛ be, “Nenye be Mawu vie nenye tututu la, ekema ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo.”" data/train/LUK/LUK_002_Verse_015.mp3,"Esi azã la wu enu la, edzilawo dze mɔ trɔ yina Nazaret, gake Yesu ɖevi la tsi Yerusalem. Edzilawo zɔ mɔ ŋkeke ɖeka, gake womedii o," data/train/LUK/LUK_017_Verse_016.mp3,"Eƒe nusrɔ̃lawo biae be, “Aƒetɔ afi kae woakplɔ wo ayi?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Afi si nu kukuwo le la, afi mae akagawo hã nɔna!”" data/train/LUK/LUK_021_Verse_003.mp3,"Anyigba aʋuʋu sesĩe le teƒewo, eye dɔ ato vevie le teƒe bubuwo hã. Dɔ vɔ̃ geɖewo akaka ɖe xexea me, eye nu dziŋɔ kple dzesi gãwo latso dziƒo." data/train/LUK/LUK_018_Verse_029.mp3,"Mele egblɔm na mi be nudzɔla sia trɔ yi aƒe me kple dzidzɔ, elabena Mawu tso afia nɛ. Ke wometsɔ Farisitɔ la ƒe nu vɔ̃ kee o, elabena woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi eye woado ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la ɖe dzi.”" data/train/LUK/LUK_022_Verse_043.mp3,"Ke Petro gbe gblɔ be, “Nyɔnu, nyemenya amea ŋutɔ gɔ̃ hã o!”" data/train/LUK/LUK_008_Verse_013.mp3,"Esi hakplɔlawo kpɔ nu siwo dzɔ la, wolé du tsɔ sesĩe tu ta duwo kple kɔƒe siwo te ɖe afi ma ŋu la me, eye esi wonɔ yiyim la, wonɔ nu si dzɔ la gblɔm na amewo." data/train/LUK/LUK_024_Verse_014.mp3,"Esime wogbɔ tso yɔdo la gbɔ la, woka nu siawo katã ta na ame wuiɖekɛawo kple ame bubuawo katã." data/train/LUK/LUK_014_Verse_022.mp3,Menyo na anyigba alo na aɖukpo dzi hã o; ɖeko woatsɔe aƒu gbe. “Ame si to senu li na la nesee.” data/train/LUK/LUK_009_Verse_007.mp3,"“Ame siwo katã nye ŋutɔ kple nye nyawo le ŋu kpem na fifia la, woaɖo ŋku edzi be ne nye Amegbetɔ Vi la metrɔ va le bubu gã si Fofonye anam la me, eye mawudɔla kɔkɔewo ƒo xlãm la, ekema nye hã makpe ŋu le nenem ƒe ame siawo ŋu." data/train/LUK/LUK_018_Verse_014.mp3,"Esi wòva la, Yesu biae be, “Nu ka dim nèle tso asinye?” Ŋkuagbãtɔ la ɖe kuku nɛ gblɔ be, “Aƒetɔ medi be makpɔ nu!”" data/train/LUK/LUK_010_Verse_028.mp3,"Migatsɔ ga aɖeke ɖe asi o, migatsɔ mɔzɔkotoku loo alo afɔkpa dodo bubu o. Migagblẽ ɣeyiɣi le mɔ dzi anɔ gbe dom na amewo o!" data/train/LUK/LUK_024_Verse_023.mp3,"Ke ame siwo gblɔ nu siawo na Apostoloawo la, woawoe nye Maria Magdalatɔ, Yohana kple Maria Yakobo dada kple nyɔnu bubu geɖewo." data/train/LUK/LUK_011_Verse_024.mp3,"Gake ame aɖewo nɔ ameawo dome siwo gblɔ be, “Mewɔ nuku be ame sia le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me o, elabena exɔ ŋusẽ tso Belzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la gbɔ!”" data/train/LUK/LUK_009_Verse_008.mp3,"Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea, eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ, eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo ƒe akɔme." data/train/LUK/LUK_022_Verse_023.mp3,"Emegbe etsɔ abolo, eye esi wòda akpe na Mawu le eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na nusrɔ̃lawo hegblɔ be, “Esia nye nye ŋutilã si metsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.”" data/train/LUK/LUK_001_Verse_004.mp3,"Ame si gbɔ wòdɔe ɖo la nye ɖetugbi aɖe si menya ŋutsu o, eye woyɔnɛ be Maria. Wodo Maria ŋugbe na David ƒe dzidzimevi aɖe si woyɔna be Yosef la be wòaɖe." data/train/LUK/LUK_020_Verse_035.mp3,"Sefialawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nufiala, ègblɔe nyuie ŋutɔ!”" data/train/LUK/LUK_022_Verse_041.mp3,"Ke esi woɖo teƒea la, egblɔ na wo be, “Mido gbe ɖa be tetekpɔ nagaɖu mia dzi o.”" data/train/LUK/LUK_024_Verse_008.mp3,"Esi nusrɔ̃lawo se nyɔnuawo ƒe nyawo la, ɖeko wòɖi glitoto le woƒe towo me." data/train/LUK/LUK_016_Verse_002.mp3,"“Ale wòyɔ eƒe aƒetɔ ƒe fenyilawo ɖekaɖeka. Ebia gbãtɔ be, ‘Ho neni ƒe fe nènyi le nye aƒetɔ ŋu?’" data/train/LUK/LUK_024_Verse_028.mp3,"Le gbe ma gbe ke la, Yesu yomenɔla eve nɔ mɔ zɔm yina kɔƒe aɖe si woyɔna be Emaus la me. Kɔƒe sia didi tso Yerusalem gbɔ abe kilomita wuiɖekɛ ene." data/train/LUK/LUK_016_Verse_017.mp3,"Gake esia mefia be sea ƒe ŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔ le mɔ aɖeke nu o. Ŋusẽ gale eŋu, eye wòle te sesĩe abe dziƒo kple anyigba ene." data/train/LUK/LUK_009_Verse_048.mp3,"Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo be wòe nye Yohanes Mawutsidenatamela la, bubuwo be Eliya, eye ɖewo hã gblɔ be blema Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka si gbɔ agbe lae nènye.”" data/train/LUK/LUK_022_Verse_020.mp3,"Elabena mele egblɔm na mi be nyemagano waintsetse aɖeke me tsi akpɔ o, va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la va.”" data/train/LUK/LUK_001_Verse_014.mp3,"Ekpe ɖe eƒe dɔla Israel ŋu, eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ na wo dzi" data/train/LUK/LUK_010_Verse_006.mp3,"Egblɔ na wo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o, eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ be wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me." data/train/LUK/LUK_004_Verse_006.mp3,"“Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, eya ta wosi ami nam ɖo, edɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame dahewo, edɔm ɖa be maɖe gbeƒã be woaɖe ga aboyomenɔlawo, eye ŋkunɔwo ƒe ŋkuwo aʋu. Ame siwo wote ɖe anyi la, ado le wo teɖeanyilawo si me," data/train/LUK/LUK_005_Verse_039.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe." data/train/LUK/LUK_019_Verse_032.mp3,"gblɔ be, “Woayra fia si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me!” “Ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo ʋĩi!”" data/train/LUK/LUK_002_Verse_013.mp3,"(elabena woŋlɔe ɖe Aƒetɔ la ƒe seawo me be, “Nenye be ame aɖe ƒe vi gbãtɔ nye ŋutsuvi la, ele be wòatsɔe ade asi na Aƒetɔ la”)." data/train/LUK/LUK_004_Verse_016.mp3,"eye wògblɔ na Yesu be, “Wòe matsɔ ŋusẽ sia katã kple ŋutikɔkɔe ana; elabena tɔnyewoe, eye mate ŋu atsɔ wo na ame sia ame si melɔ̃." data/train/LUK/LUK_002_Verse_047.mp3,"Yesu dzilawo na nunana si wòle be woana abe ale si Mawu ƒe se la gblɔ ene be, ele be woana akpakpa eve alo ahɔnɛ sue eve." data/train/LUK/LUK_023_Verse_049.mp3,Wokplɔ ŋutsu bubu eve siwo nye hlɔ̃dolawo kpe ɖe eŋu be woaklã woawo hã ɖe ati ŋu kplii. data/train/LUK/LUK_022_Verse_036.mp3,Gake ɣeyiɣi gbɔna esi woaɖo Nye Amegbetɔ Vi la fiazikpui dzi le Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime.” data/train/LUK/LUK_004_Verse_022.mp3,"Gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖewo hã nɔ ameawo dome, ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ siawo be woado go le ameawo me, eye wodo go le eƒe nya nu henɔ ɣli dom be, “Wòe nye Mawu Vi la.” Esi Yesu kpɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo nya be yee nye Kristo la, eɖe gbe na wo be woazi ɖoɖoe." data/train/LUK/LUK_023_Verse_012.mp3,"Elabena ŋkeke aɖewo gbɔna esime woagblɔ be, ‘Woayra konɔwo kple dɔ siwo medzi vi o kpakple no siwo mena notsi kpɔ o la!’" data/train/LUK/LUK_001_Verse_057.mp3,"Maria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ adzi vi esi nyemenya ŋutsu kpɔ o.”" data/train/LUK/LUK_024_Verse_009.mp3,"Esi wonɔ anyi be yewoaɖu nu la, eyra ɖe nuɖuɖua dzi, eye wòtsɔ abolo, ŋe eme hetsɔe na wo." data/train/LUK/LUK_001_Verse_048.mp3,"“Ke wò, vinye, woayɔ wò be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Nyagblɔɖila, elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ be nàdzra mɔ ɖo ɖi nɛ," data/train/LUK/LUK_001_Verse_051.mp3,le eŋkume le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye me le míaƒe ŋkekewo katã me. data/train/LUK/LUK_021_Verse_025.mp3,"“Mikpɔ nyuie be nutsuɖuɖu, ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe agbemenyawo ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkekea naɖi ɖe mi abe ale si mɔ ɖea ame ene o." data/train/LUK/LUK_002_Verse_010.mp3,"Ekplɔ Maria, ame si ŋugbe wodo nɛ ɖe asi hena ŋkɔŋɔŋlɔ; ke fu nɔ eƒo le ɣe ma ɣi me." data/train/LUK/LUK_010_Verse_033.mp3,"“Nenye be mieɖo kɔƒe aɖe me la, miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o, midze aƒe ɖeka ko me, eye miaɖu nu alo ano nu sia nu si wotsɔ ɖo mia kɔme la numaƒomaƒoe. Nenye be wona nane mi la, migagbe exɔxɔ o, elabena dɔwɔla ɖe sia ɖe dze na eƒe fetu." data/train/LUK/LUK_007_Verse_010.mp3,"Esi nusrɔ̃la eveawo va egbɔ la, wogblɔ nɛ be, “Yohanes, Mawutsidetanamelae dɔ mí ɖo ɖe gbɔwò be míabia wò be, ‘Wòe nye ame si gbɔna loo alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubu aɖea?’ ”" data/train/LUK/LUK_020_Verse_008.mp3,Azɔ gblɔ wò susu na mí tso nya sia ŋuti. Enyo be míadzɔ nu na Kaisaro loo alo menyo o.” data/train/LUK/LUK_007_Verse_041.mp3,"Yesu gagblɔ na nyɔnu la be, “Wò xɔse ɖe wò, heyi le ŋutifafa me.”" data/train/LUK/LUK_022_Verse_025.mp3,"eye miagblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Nufiala be míbia wò be: Afi ka dzeƒe le, afi si nye kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le?’" data/train/LUK/LUK_005_Verse_031.mp3,"Nya sia kaka ɖe teƒe geɖewo xoxo, eye ame geɖewo ŋutɔ ƒo zi ɖe eŋu be yewoase eƒe mawunya, eye wòada gbe hã le yewo ŋu." data/train/LUK/LUK_021_Verse_008.mp3,Elabena adze ame siwo katã le anyigba dzi la dzi kpoyi. data/train/LUK/LUK_023_Verse_035.mp3,"Ke wo katã do ɣli kple gbe ɖeka be, “Ɖe ame sia ɖa! Ɖe asi le Barabas ŋu na mí!”" data/train/LUK/LUK_009_Verse_000.mp3,ale ameha la nɔ anyi nenema. data/train/LUK/LUK_004_Verse_034.mp3,Woƒe dziwo ho ɖe eŋu ale wotso hetutu asi ʋu me nɛ do goe le xɔa me. Wokplɔe yi togbɛ si dzi wotu dua ɖo la ƒe kɔkɔƒe be yewoatutui tso teƒe sia wòayi aɖadze agame. data/train/LUK/LUK_006_Verse_043.mp3,"va be yewoaɖo toe alo be wòada gbe le yewo ŋu. Gbe ma gbe la, enya gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo le amewo me." data/train/LUK/LUK_017_Verse_024.mp3,"“Mia dometɔ ka ƒe dɔla anɔ agble ŋlɔm alo le alẽ kplɔm, eye wòtrɔ tso agble va aƒe me, eye wòagblɔ na dɔla be, ‘Va nɔ anyi, eye nàɖu nu’?" data/train/LUK/LUK_001_Verse_029.mp3,"Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo, ke edo mɔ kesinɔtɔwo asigbɔloe." data/train/LUK/LUK_006_Verse_047.mp3,"Yesu yi edzi do lo sia na wo be, “Ɖe ŋkugbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Ɖe wo kple eve la mage adze do me oa?" data/train/LUK/LUK_011_Verse_003.mp3,Ame bubuwo di tso esi be wòana dzesi aɖewo nadze le yame si afia be eƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ vavã. data/train/LUK/LUK_005_Verse_017.mp3,"Gake ɣeyiɣi li gbɔna esi woava kplɔ srɔ̃tɔ la adzoe le ameawo gbɔ, eye ne edzɔ alea la, woatsi nu dɔ le ɣeyiɣi ma me.”" data/train/LUK/LUK_006_Verse_030.mp3,"“Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwɔ dɔmenyo na wo. Mido nu na wo, eye migakpɔ mɔ na exɔxɔ o. Ne miewɔ esia la, ekema miaƒe fetu asɔ gbɔ le dziƒo, eye mianye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo elabena eya ŋutɔ nyoa dɔme na akpemadalawo kple tagbɔ sesẽ tɔwo hã." data/train/LUK/LUK_016_Verse_028.mp3,"“Tete wòbia ame evelia be, ‘Fe nenie wò ya nènyi?’ “Eɖo eŋu be, ‘Lu kilo blaetɔ̃ vɔ atɔ̃.’ “Egblɔ nɛ be, ‘Tsɔ wò fegbalẽ, eye nàŋlɔ kilo blaetɔ̃.’" data/train/LUK/LUK_024_Verse_034.mp3,Míawo ya míenɔ bubum be eyae nye Kristo ŋusẽtɔ si va Israel dukɔa ɖe ge tso kluvinyenye me hafi. Nu siawo katã dzɔ ŋkeke etɔ̃e nye esi va yi. data/train/LUK/LUK_016_Verse_020.mp3,"Hekpe ɖe esia ŋu la, ʋe gã aɖe le mí kpli wò dome, ale be ne ame aɖe be yeatso afii ava mia gbɔ la, ʋe la gbɔ ko wòava se, eye ame aɖeke hã mate ŋu atso mia gbɔ ava mía gbɔ o.’" data/train/LUK/LUK_001_Verse_055.mp3,"Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la srɔ̃a Elizabet fɔ fu, eye wòɣla eɖokui ɣleti atɔ̃ sɔŋ." data/train/LUK/LUK_004_Verse_019.mp3,"Gake womeɖo Eliya ɖe wo dometɔ aɖeke gbɔ o, ke boŋ woɖoe ɖe ahosi aɖe si tso Zarefat le Sidon nuto me la gbɔ." data/train/LUK/LUK_014_Verse_026.mp3,"“Nenye be wokpe wò ɖe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋu la, mègaʋli be yeanɔ kplɔ̃ ta o, elabena ne ame ŋkuta aɖe si ŋu bubu le wu wò la va la," data/train/LUK/LUK_012_Verse_024.mp3,"Hekpe ɖe esia ŋu la, mia dometɔ ka ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu?" data/train/LUK/LUK_011_Verse_048.mp3,"Wò ŋkue nye akaɖi na wò ŋutilã. Ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ fũu kple kekeli. Ke ne ŋku vɔ̃ɖi le asiwò la, màte ŋu akpɔ kekeli la o, elabena àtsi viviti me." data/train/LUK/LUK_014_Verse_001.mp3,"Ale ame aɖeke mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o, negbe ɖe wònɔ anyi gbã, bu eƒe kesinɔnuwo katã ŋu, eye wògbe nu le wo gbɔ ɖe tanye hafi!" data/train/LUK/LUK_001_Verse_041.mp3,"Gabriel va do ɖe Maria gbɔ le vo me, eye wògblɔ nɛ be, “Ŋutifafa na wò! Wò ɖetugbi si kpɔ amenuveve! Aƒetɔ la li kpli wò.”" data/train/LUK/LUK_017_Verse_029.mp3,va se ɖe ŋdi si Lɔt dzo le Sodom. Eye dzo kple dzokpe xɔxɔwo dza tso dziƒo hetsrɔ̃ ameawo katã. data/train/LUK/LUK_012_Verse_020.mp3,"“Gake Mawu gblɔ na kesinɔtɔ sia be, ‘O, wò abunɛtɔ, egbe zã sia me ke woaxɔ wò agbe le asiwò. Ke ame ka tɔ nu siwo katã wòdzra ɖo ɖi la azu?’" data/train/LUK/LUK_016_Verse_025.mp3,"Menya nu si mawɔ! Ele be madi xɔlɔ̃wo fũu, esiwo gbɔ maɖu nu le ne medzudzɔ dɔa.’" data/train/LUK/LUK_015_Verse_007.mp3,"Esia na Farisitɔwo kple agbalẽfialawo galĩ liʋĩliʋĩ geɖe le Yesu ŋu, elabena wobu be edea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo, heɖua nu kpli wo gɔ̃ hã." data/train/LUK/LUK_019_Verse_024.mp3,"eye wògblɔ be, “Wò hã, ɖe nànya nu si na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi, ke eɣla ɖe wò ŋkuwo fifia." data/train/LUK/LUK_024_Verse_015.mp3,"Eye ele be woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã, eye woadze egɔme tso Yerusalem." data/train/LUK/LUK_009_Verse_019.mp3,"Esi wònɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ̃ wo dzi, eye vɔvɔ̃ gã aɖe lé wo." data/train/LUK/LUK_014_Verse_006.mp3,Ame si matsɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo o la mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o. data/train/LUK/LUK_011_Verse_033.mp3,"“Mele egblɔm na mi be nenye be xɔ̃wòa mefɔ ʋu ʋɔa o, togbɔ be xɔ̃wò wònye hã la, ne èƒo ʋɔa atraɖii la, afɔ ava tsɔ nu sia nu si dim nèle la na wò, elabena èku kutri bia nu si dim nèle la atraɖii." data/train/LUK/LUK_020_Verse_045.mp3,"Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be, “Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa’?”" data/train/LUK/LUK_023_Verse_043.mp3,"Pilato bia Yesu be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Eɖo eŋu be, “Wòe le egblɔm.”" data/train/LUK/LUK_017_Verse_033.mp3,"Yesu biae be, “Menye ŋutsu ewo ŋue meda gbe le oa? Asiekɛ mamlɛawo ya ɖe?" data/train/LUK/LUK_001_Verse_053.mp3,"le míaƒe Mawu la ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, to esia dzi ɣedzedze nyui la ava na mí tso dziƒo," data/train/LUK/LUK_012_Verse_006.mp3,"Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Azɔ ame kae nye dɔla nuteƒewɔla kple nunyala, ame si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi mahã?" data/train/LUK/LUK_015_Verse_025.mp3,“Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ si dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o. data/train/LUK/LUK_023_Verse_056.mp3,"Ɣe ƒe keklẽ bu, eye enumake xɔmetsovɔ titri si wotsɔ tso gbedoxɔ la mee la ma ɖe akpa eve." data/train/LUK/LUK_017_Verse_031.mp3,"Woge ɖe kɔƒe aɖe me, eye le afi ma la, wokpɔ kpodɔléla ewo wonɔ tsitre ɖe adzɔge nɔ ɣli dom be," data/train/LUK/LUK_012_Verse_046.mp3,"Nenye be wò futɔ tsɔ nya ɖe ŋuwò, eye nèkpɔe le mɔ dzi wòyina fia ƒe ʋɔnu kple wò nya la, tɔe, eye nàlé avu le mi kplii dome. Ne menye nenema o la, ʋɔnudrɔ̃la ade wò mɔ." data/train/LUK/LUK_016_Verse_026.mp3,"“Mlɔeba la, Lazaro nubiala la va ku, eye mawudɔlawo va kɔe yi Abraham gbɔ afi si ame dzɔdzɔewo nɔna. Kesinɔtɔ la hã ku mlɔeba, eye woɖii." data/train/LUK/LUK_005_Verse_025.mp3,"Ke Yesu bia wo be, “Ne wokpe amewo be woava do dzidzɔ ɖe srɔ̃ɖelawo ŋu ɖe, ɖe amekpekpe siawo agbe nuɖuɖu le esime srɔ̃tɔ la ŋutɔ li kpli wo mahã?" data/train/LUK/LUK_004_Verse_003.mp3,"Ame siwo katã nɔ xɔa me la kafui, eye woƒe mo wɔ yaa le amenuvevenya siwo wògblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Nya kae nye esia? Alo menye Yosef vie oa?”" data/train/LUK/LUK_011_Verse_011.mp3,“Babaa na mi! Elabena ɖeko miele abe mia tɔgbui siwo wu nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã va yi la ene. data/train/LUK/LUK_001_Verse_034.mp3,"Eya ta enyo nye hã ŋunye, le esi medzro nuwo me tsitotsito tso gɔmedzedzea me ke, be magbugbɔ aŋlɔe ɖe ɖoɖo nu na wò, nye bubutɔ Teofilos," data/train/LUK/LUK_006_Verse_006.mp3,"“Ao, baba na mi kesinɔtɔwo, elabena wokpɔ dzidzɔ le anyigba sia dzi xoxo." data/train/LUK/LUK_001_Verse_037.mp3,"eye wòge ɖe Zekaria ƒe aƒe me, eye wòdo gbe na Elizabet." data/train/LUK/LUK_004_Verse_041.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖewohĩ miaɖo ŋku lododo sia adzi be, ‘Gbedala, da gbe le wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu’ esi gɔmee nye be, ‘Nu ka ta mèwɔ nukunuwo le wò ŋutɔ wò dedu me abe ale si nèwɔe le Kapernaum ene o?’" data/train/LUK/LUK_007_Verse_040.mp3,"Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asi me nɔ fefem la ene. Ame siwo gblɔ na wo nɔewo be, “ ‘Míeku dzidzɔkpẽ na mi, ke mieɖu ɣe o; eye míedzi konyifahawo na mi, ke miefa avi hã o.’" data/train/LUK/LUK_022_Verse_006.mp3,"Asrafowo do dzo ɖe xɔxɔnu le ƒuƒum, eye Petro va nɔ wo dome le afi ma." data/train/LUK/LUK_017_Verse_005.mp3,"“Ame siwo anɔ xɔta gbe ma gbe, eye woƒe nuwo nanɔ xɔ me la megatrɔ yi aƒe me be yewoaƒo ƒu yewoƒe nuwo o. Ame siwo le agble la megaxa trɔ yi aƒe me le dua me o." data/train/LUK/LUK_002_Verse_052.mp3,"“Ɛ̃, le nyateƒe me la, wodzi ɖela si nye Kristo, Aƒetɔ la na mí egbea le David ƒe du la me." data/train/LUK/LUK_004_Verse_043.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me be, Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋuti ame nanɔ agbe ɖo o.”" data/train/LUK/LUK_006_Verse_022.mp3,"Ke ame si sea nye nya, eye mewɔna ɖe edzi o la le abe ame aɖe si tu eƒe xɔ ɖe anyigba, eye meɖo gɔmeɖokpe nɛ o la ene. Esi tsi dza ɖɔ ɖe eŋu la, xɔ sia mu gbloo, hegbã gudugudu.”" data/train/LUK/LUK_001_Verse_070.mp3,"Nyadzɔdzɔ blibo la wɔ nuku na woƒe aƒelikawo ŋutɔ, eye wòkaka ɖe du siwo le Yudea togbɛ la dzi la katã me." data/train/LUK/LUK_020_Verse_029.mp3,"Míenya ƒome aɖe, si me ɖekakpui adre nɔ. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃, gake medzi vi aɖeke hafi ku o." data/train/LUK/LUK_019_Verse_035.mp3,"Le aƒea me la, Zaxeo gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ tso azɔ la, matsɔ nye kesinɔnuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo eteƒe nɛ zi gbɔ zi ene sɔŋ!”" data/train/LUK/LUK_024_Verse_045.mp3,"woɖe kuku nɛ be wòatsi yewo gbɔ adɔ ŋu nake, elabena zã do vɔ keŋ. Ale Yesu lɔ̃, eye wòyi woƒe aƒe me." data/train/LUK/LUK_014_Verse_032.mp3,"Womeɖo biabia la ŋu nɛ o, ale Yesu lé dɔnɔa ƒe alɔnu, eye wòda gbe le eŋu. Emegbe la, eɖe mɔ nɛ wòdzo." data/train/LUK/LUK_007_Verse_028.mp3,"Le mía dekɔnu nu la, ne míebe míado gbe na ame aɖe la, míegbugbɔa nu nɛ. Wò la, mèwɔe nam o, gake nyɔnu sia gbugbɔ nye afɔwo zi geɖe tso esi meva afi sia." data/train/LUK/LUK_022_Verse_061.mp3,"Wogblɔ be, “Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mí.” Yesu ɖo eŋu be, “Ne megblɔe na mi la, miaxɔ dzinye ase o," data/train/LUK/LUK_001_Verse_075.mp3,"Zekaria na wotsɔ nuŋlɔkpe aɖe vɛ nɛ, eye nukutɔe la, eŋlɔ ɖe kpe la dzi be, “Eŋkɔe nye Yohanes.”" data/train/LUK/LUK_016_Verse_010.mp3,Emlɔa afi sia henɔa mɔ kpɔm be nuɖuɖu kakɛ aɖe ava ka ye si tso kesinɔtɔ la ƒe nuɖukplɔ̃ dzi. Avuwo va nɔa eƒe abiwo me ɖuɖɔm le agboa nu. data/train/LUK/LUK_019_Verse_047.mp3,Zaxeo ɖi le atia dzi kaba eye wòxɔ Yesu kple dzidzɔ. data/train/LUK/LUK_002_Verse_041.mp3,"Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene," data/train/LUK/LUK_001_Verse_063.mp3,"Mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Maria, mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra wò nukutɔe!" data/train/LUK/LUK_004_Verse_001.mp3,"Abosam kplɔe yi teƒe kɔkɔ aɖee, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã fiae le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me," data/train/LUK/LUK_012_Verse_055.mp3,"Xexemedukɔwo katã dagbana be yewoakpɔ gbe sia gbe nuɖuɖu, ke mia Fofo si le dziƒo nya miaƒe hiahiãwo." data/train/LUK/LUK_023_Verse_001.mp3,Ale wòtsɔ Yesu de asi na wo be woawɔ nu si wolɔ̃ la kplii. Ke eɖe asi le Baraba ame si wode mɔ ɖe ʋunyaʋunyawɔwɔ kple amewuwu ta la ŋu. data/train/LUK/LUK_021_Verse_026.mp3,"Minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye miado gbe ɖa be ne edze Mawu ŋu la, miagakpɔ nu dziŋɔ siawo dometɔ aɖeke teƒe hafi miatsi tsitre ɖe Amegbetɔ Vi la ŋkume o.”" data/train/LUK/LUK_006_Verse_035.mp3,"“Ne mielɔ̃ mia lɔ̃lawo ɖeɖe ko ɖe, miebui be miewɔ nanea? Ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo hã lɔ̃a wo xɔlɔ̃wo." data/train/LUK/LUK_014_Verse_028.mp3,"“Nu si boŋ wòle be nàwɔe nye esi, yi ɖanɔ teƒe aɖe le kplɔ̃a ƒe nuwuwu, eye ne ame si kpe wò la ŋutɔ kpɔ wò la, ava gblɔ na wò be, ‘Nɔvi, míegblẽ nɔƒe nyui aɖe ɖi na wò!’ Ale wòade bubu ŋuwò le ame siwo katã wòkpe la ŋkume." data/train/LUK/LUK_007_Verse_044.mp3,"Yesu nya nu si bum Farisitɔ la nɔ, eya ta eyɔe be, “Simɔn, nya aɖe le asinye medi be magblɔ na wò.” Simɔn gblɔ nɛ be, “Enyo, Nufiala, gblɔe mase.”" data/train/LUK/LUK_017_Verse_037.mp3,"Ɛ̃, nenema ke amewo anɔ woƒe dɔwo dzii va se ɖe esime gaƒoƒo si dzi Amegbetɔ Vi atrɔ gbɔ la naɖo." data/train/LUK/LUK_010_Verse_038.mp3,"Yesu ɖo biabia sia ŋu nɛ kple lododo sia be, “Ŋutsu aɖe si nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina ɖe Yeriko la va ge ɖe adzodalawo si me. Adzodalawo vuvu awu le eŋu, ƒoe vevie, eye wògblẽe ɖe mɔa to wòku afã kple afã." data/train/LUK/LUK_004_Verse_038.mp3,"Yesu trɔ yi Kapernaum si nye du aɖe si le Galilea nuto me la me, eye le afi sia egblɔ mawunya na amewo le Dzudzɔgbe ŋkeke ɖe sia ɖe dzi le woƒe ƒuƒoƒewo." data/train/LUK/LUK_001_Verse_019.mp3,"Elizabet do dzidzɔɣli, eye wògblɔ na Maria be, “Mawu ve nuwò le nyɔnuwo katã dome, eye wòɖoe be viwò la naxɔ eƒe yayra gãtɔ kekeake." data/train/LUK/LUK_013_Verse_010.mp3,"ekpɔ nyɔnu aɖe si dɔléamegbɔgbɔ na wònɔ dɔ lém vevie ƒe wuienyi sɔŋ. Dɔléle la na be wòxa gobaa, ale be mate ŋu adzɔ ɖe tsitrenu o." data/train/LUK/LUK_022_Verse_014.mp3,"Aƒea tɔ akplɔ mi ayi dziƒoxɔa dzi, eye wòafia xɔ gã aɖe si me wodzra ɖo la mi. Teƒe lae nye ema. Miyi, eye miaɖo kplɔ̃ ɖe afi ma.”" data/train/LUK/LUK_019_Verse_004.mp3,"Ame sia di be yeakpɔ Yesu, gake mete ŋui o, esi wònye ame kpui ta eye amehawo hã ƒo xlãe." data/train/LUK/LUK_019_Verse_016.mp3,"Esi wova ɖo Betfage kple Betania, du siwo le Amito dzi me la, edɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woadze ŋgɔ ayi kɔƒe si le wo ŋgɔ la me." data/train/LUK/LUK_024_Verse_033.mp3,"Mía tɔ aɖewo ƒu du yi yɔdoa to enumake, ke woawo hã kpɔ be yɔdoa le ƒuƒlu vavã abe ale si ame gbãtɔwo gblɔe ene.”" data/train/LUK/LUK_004_Verse_031.mp3,"“Vavã mele egblɔm na mi be, bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me o." data/train/LUK/LUK_001_Verse_015.mp3,"Elabena ekpɔ nye, eƒe subɔla sia ƒe ame gblɔe nyenye, eye tso azɔ dzi yina la, woayɔm be Mawu ƒe ame yayra tso dzidzime yi dzidzime." data/train/LUK/LUK_005_Verse_002.mp3,"Ame sia ame ke ŋku ɖi be yeakpɔ nu, kasia, ŋutsua tsi tsitre ɖe eƒe afɔ eveawo dzi, ŋlɔ eƒe aba, eye wòɖo ta aƒe me henɔ Mawu kafum bobobo." data/train/LUK/LUK_001_Verse_011.mp3,"be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo kple ame siwo lé fu mí la ƒe asi me," data/train/LUK/LUK_014_Verse_010.mp3,"“Aƒetɔ la gagblɔ na subɔvia be, ‘Enyo, yi dua ƒe mɔ gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nàƒoe ɖe ame siwo katã nàkpɔ la nu be woava, be aƒea me nayɔ." data/train/LUK/LUK_007_Verse_024.mp3,"Le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke mewu Yohanes o; gake ame suetɔ kekeake si le mawufiaɖuƒea me la kɔ wu eya amea!”" data/train/LUK/LUK_019_Verse_018.mp3,"Esi Yesu va ɖo atia te la, ewu mo dzi kpɔ Zaxeo le atia me. Eyɔ eŋkɔ be, “Zaxeo, ɖi kaba! Elabena madze aƒewò me egbe.”" data/train/LUK/LUK_012_Verse_027.mp3,"Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”" data/train/LUK/LUK_015_Verse_016.mp3,"“Gake fofoa gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ si le aƒea me la vɛ miado nɛ kaba! Ne miatsɔ asigɛ kple afɔkpa va do nɛ." data/train/LUK/LUK_001_Verse_008.mp3,"Anye ame xɔŋkɔ aɖe, eye woayɔe be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Aƒetɔ Mawu la atsɔ tɔgbuia David ƒe fiazikpui la nɛ." data/train/LUK/LUK_005_Verse_005.mp3,"Azɔ Yesu de se nɛ be, “Mègagblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò fia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”" data/train/LUK/LUK_014_Verse_030.mp3,"“Togbɔ be dɔla la wɔ esia hã la, egblɔ be, ‘Aƒetɔ wowɔ se si nède la dzi, gake nɔƒe gali.’" data/train/LUK/LUK_009_Verse_017.mp3,"Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe mo de asi keklẽ me. Eƒe awuwo fu tititi henɔ dzo dam miamiamia." data/train/LUK/LUK_012_Verse_029.mp3,"Le nyateƒe me, eƒe nukuawo wɔ ale gbegbe be eƒe avawo katã yɔ fũu gbã go, eye megakpɔ nɔƒe na mamlɛawo gɔ̃ hã o. Ebu ta me le nu si wòawɔ la ŋu vevie," data/train/LUK/LUK_001_Verse_018.mp3,"Èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be ‘Yesu.’" data/train/LUK/LUK_007_Verse_036.mp3,"Romatɔwo ƒe aʋafia gã si nɔ du ma me la ƒe dɔla si gbɔ melɔ̃a nu le o la dze dɔ vevie, eye wòɖo kudo nu." data/train/LUK/LUK_006_Verse_004.mp3,"Ame sia ame si vaa gbɔnye, eye wòsea nye nya, eye wòwɔa edzi la, mafia ame si wòɖi mi." data/train/LUK/LUK_021_Verse_016.mp3,eye ameha la katã ƒoa ƒu ŋdi sia ŋdi le gbedoxɔ la me be yewoaɖo to eƒe nufiafia. data/train/LUK/LUK_011_Verse_008.mp3,"Aƒetɔ la gblɔ nɛ be, “Mi Farisitɔwo la, mieɖoa ŋu ɖo tsɔa dzigbɔɖi klɔa kplu kple agbawo ŋuti, gake miaƒe agbe me yɔ fũu kple ɖiƒoƒo, ŋubiabiã kple tamesesẽ." data/train/LUK/LUK_024_Verse_004.mp3,"Azɔ nye la, madɔ nu si ƒe ŋugbe Fofonye do na mi la ɖe mia dzi. Ke minɔ Yerusalem afii va se ɖe esime woatsɔ ŋusẽ si atso dziƒo la akɔ ɖe mia dzi.”" data/train/LUK/LUK_002_Verse_014.mp3,"Esi Alẽkplɔlawo kpɔe la, wogblɔ nu siwo katã dzɔ la kple nya siwo katã mawudɔla la gblɔ na wo le ɖevi la ŋu la na ame sia ame." data/train/LUK/LUK_023_Verse_027.mp3,"Herod bia nya geɖewo Yesu, ke meɖo ɖeke ŋu nɛ o." data/train/LUK/LUK_018_Verse_003.mp3,"“Ame eve aɖewo yi gbedoxɔ me be yewoado gbe ɖa. Ɖeka nye Farisitɔ, eye evelia nye nudzɔla aɖe." data/train/LUK/LUK_005_Verse_001.mp3,Ale Simɔn kple nɔvia wodo ɣli yɔ wo nɔvi siwo nɔ ʋu bubu me le tsia dzi la be woava kpe ɖe yewo ŋu. Woɖe lã fũu wòyɔ ʋu eveawo ale gbegbe be ʋuawo di be yewoanyrɔ gɔ̃ hã. data/train/LUK/LUK_017_Verse_036.mp3,"Ɖe wòada akpe na dɔla la, elabena ewɔ nu si wògblɔ nɛ be newɔa?" data/train/LUK/LUK_020_Verse_027.mp3,"Magblɔe na mi. Agbletɔa ava, eye wòana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòatsɔ waingble la de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.” Nyaselawo alo ameha la gblɔ nɛ be, “Kpao, meganɔ nenema o!”" data/train/LUK/LUK_020_Verse_028.mp3,"Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo tɔe, elabena wo katã wole agbe nɛ.”" data/train/LUK/LUK_001_Verse_016.mp3,Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do la ava me pɛpɛpɛ.” data/train/LUK/LUK_011_Verse_044.mp3,"Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã atsi tsitre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me ɖe dzidzime sia ŋu, eye woabu fɔe, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.”" data/train/LUK/LUK_019_Verse_022.mp3,"Eye ne ame aɖe bia mi be, ‘Nu ka ta miele ka tumii ɖo?’ miegblɔ ko be, ‘Aƒetɔ la hiãe.’ ”" data/train/LUK/LUK_012_Verse_049.mp3,"Nu sia nu si miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nu si mietsɔ do dalĩ le miaƒe xɔgãwo me la, woaɖe gbeƒãe le xɔwo tame.”" data/train/LUK/LUK_024_Verse_020.mp3,"Hekpe ɖe esia ŋuti la, míaƒe nyɔnuawo dometɔ aɖewo do voɖi na mí. Woyi yɔdoa to fɔŋli sia" data/train/LUK/LUK_009_Verse_050.mp3,"(Wogblɔ esia, elabena ameha la ƒe xexlẽme ade akpe atɔ̃.) Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me; ame abe blaatɔ̃ lɔƒo ene nenɔ hatsotso ɖeka me”" data/train/LUK/LUK_006_Verse_012.mp3,"Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo wum dɔ le la lalam, elabena miawoe aɖi ƒo. Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo le avi fam fifia la lalam, elabena ɣeyiɣi gbɔna esi miava ko nu." data/train/LUK/LUK_006_Verse_017.mp3,"Etsa ŋku le wo katã dzi ɖekaɖeka, eye wògblɔ na ŋutsua be, “Dzɔ wò asi.” Edzɔ asia kasia eƒe asi gaɖɔ ɖo." data/train/LUK/LUK_013_Verse_025.mp3,"Mina nya sia nanɔ susu me na mi be ame siwo womebuna ɖe naneke me fifia o la axɔ bubu gã aɖe le dziƒo, eye ame siwo nye ame ŋkutawo le afi sia la, womabu wo ɖe naneke me le afi ma o.”" data/train/LUK/LUK_020_Verse_007.mp3,"Ame si dzɔ ɖe eyome la ɖe ahosia, gake eya hã medzi vi kplii hafi trɔ megbe o." data/train/LUK/LUK_024_Verse_038.mp3,"Nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Aƒetɔ la tsi tsitre vavã! Eɖe eɖokui fia Simɔn!”" data/train/LUK/LUK_021_Verse_022.mp3,"Ke baba na nyɔnu siwo ƒo fu le kple ame siwo si vidzĩ fɛ̃wo le, elabena nuxaxa geɖe ava anyigba sia dzi eye Mawu ƒe dɔmedzoe ava dukɔ sia dzi." data/train/LUK/LUK_023_Verse_013.mp3,"Esi ame siwo katã va ƒo ƒu be yewoakpɔ nu siwo ava dzɔ teƒe la kpɔ nu siwo va dzɔ la, wotrɔ dzo nɔ woƒe akɔta ƒom." data/train/LUK/LUK_001_Verse_062.mp3,"Mawudɔla la gblɔ nɛ kple kakaɖedzi be, “Nyee nye Gabriel si nɔa Mawu ŋkume ɣe sia ɣi. Eyae dɔm be magblɔ dzidzɔnya sia na wò," data/train/LUK/LUK_021_Verse_038.mp3,Ŋkeke siawoe nye hlɔ̃biaŋkekewo be nya si nyagblɔɖila xoxoawo katã gblɔ da ɖi la ava eme pɛpɛpɛ. data/train/LUK/LUK_001_Verse_022.mp3,"Enumake Zekaria ƒe nu ʋu, eye wògadze nuƒoƒo gɔme abe tsã ene. Ekafu Mawu kple dzidzɔ geɖe." data/train/LUK/LUK_020_Verse_040.mp3,"Womagaku hã o, ale woanɔ abe mawudɔlawo ene, eye woanye Mawu viwo, elabena wofɔ wo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome." data/train/LUK/LUK_008_Verse_012.mp3,"elabena vinyɔnuvi ɖeka hɔ̃ si le ye si si xɔ ƒe wuieve la le kudɔ ƒom. Yesu dze eyome enumake, gake ameha la mimii ɖo." data/train/LUK/LUK_020_Verse_034.mp3,Nyɔnua hã va ku mlɔeba. data/train/LUK/LUK_023_Verse_002.mp3,"Ale woyi aƒe me ɖawɔ atikewo kple ami ʋeʋĩwo be yewoava si na Yesu ƒe kukua. Gake esi wowu ami ʋeʋĩwo kple atikeawo wɔwɔ nu la, Dzudzɔgbe ŋkekea ɖo edzi, eye le Yudatɔwo ƒe kɔa nu la, wodzudzɔ le ŋkeke sia dzi." data/train/LUK/LUK_008_Verse_037.mp3,"Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame aɖe tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, “Viwò la ku xoxo eya ta viɖe aɖeke mele eme be nàgaɖe fu na Nufiala la o.”" data/train/LUK/LUK_009_Verse_056.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawoe wòle be miadi nuɖuɖu na wo woaɖu.” Woawo hã gagblɔ nɛ be, “Aleke míawɔ ana nu wo woaɖu esi wònye be abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve koe le míawo ŋutɔ si, alo ɖe nèdi be míayi aɖaƒle nuɖuɖu na ame gbogbo siawoa?”" data/train/LUK/LUK_022_Verse_015.mp3,"Dɔlanyɔnuvi aɖe si kpɔ Petro dze sii la gblɔ be, “Ame sia hã nɔ Yesu yome kpɔ.”" data/train/LUK/LUK_010_Verse_024.mp3,"Mena ŋusẽ mi be miaɖu Futɔ la ƒe ŋusẽwo katã dzi, eye be miazɔ le dawo kple ahɔ̃wo me anye avuzi le wo dzi. Ke nu vevi aɖeke mawɔ mi o." data/train/LUK/LUK_011_Verse_027.mp3,"Gbe ɖeka Yesu nɔ gbe dom ɖa le teƒe aɖe. Esi wòwu nu la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka te ɖe eŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí abe ale si Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.”" data/train/LUK/LUK_018_Verse_010.mp3,"aƒom, eye woawum. Eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ tso ku me.”" data/train/LUK/LUK_005_Verse_004.mp3,"Ameawo gayi edzi bia Yesu be nu ka tae eƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna hedoa gbe ɖa abe ale si Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo wɔnɛ ene o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawo ya la nuɖuɖu kple nunono dzi ko wonɔna gbe sia gbe hã." data/train/LUK/LUK_002_Verse_016.mp3,"Esi mawudɔlawo dzo le wo gbɔ yi dziƒo la, alẽkplɔlawo gblɔ na wo nɔewo be, “Mina míayi Betlehem aɖakpɔ nukunu gã si dzɔ, si Aƒetɔ la na míenya la ɖa.”" data/train/LUK/LUK_001_Verse_056.mp3,"Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha si nɔ xexe la nɔ Zekaria lalam be wòado go, eye wòwɔ nuku na wo ŋutɔ be etsi gbedoxɔa me fũu nenema." data/train/LUK/LUK_024_Verse_048.mp3,"Yesu gabiae be, “Nya kae dzɔ?” Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Nya siwo dzɔ ɖe Yesu, ŋutsu si tso Nazaret dzi lae mewɔnɛ. Ŋutsu sia nye nyagblɔɖila xɔŋkɔ aɖe si wɔ nu wɔnukuwo eye wòganye nufiala deŋgɔ aɖe si tɔgbi mebɔ o. Le nyateƒe me la, ede ŋgɔ ŋutɔ le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume." data/train/LUK/LUK_012_Verse_016.mp3,"eye susu aɖe va nɛ mlɔeba. Edo ɣli gblɔ be, ‘Menya nu si tututu mawɔ, magbã nye ava xoxoawo, eye matu esiwo lolo wu la ɖe wo teƒe, ale be mate ŋu akpɔ nɔƒe na nye nukuawo katã." data/train/LUK/LUK_017_Verse_006.mp3,"Amewo ava gblɔ na mi be, ‘Ele afii!’ alo ‘Ele afi mɛ!’ Migaxɔ wo dzi se o, eye migayi be yewoadim o." data/train/LUK/LUK_008_Verse_005.mp3,"Azɔ Yesu zɔ ɖe ɖevia dzi le xɔa me, eye wòlé eƒe alɔnu heyɔe gblɔ be, “Vinye tsi tsitre.”" data/train/LUK/LUK_004_Verse_025.mp3,"Le ŋkeke evea gbe ƒe ŋdi kanyaa la, efɔ, eye wòɖe eɖokui ɖe aga. Ameha la dii vevie le teƒe geɖewo, eye esi wova ke ɖe eŋu mlɔeba la, woɖe kuku nɛ be megadzo o, ke boŋ wòanɔ yewo gbɔ le Kapernaum." data/train/LUK/LUK_016_Verse_001.mp3,"“Ale kesinɔtɔ la gblɔ be, ‘Fofo Abraham, ekema dɔ Lazaro ɖe fofonye ƒe aƒe me," data/train/LUK/LUK_020_Verse_044.mp3,"Yesu kpɔ aye si wɔm ameawo nɔ la dze sii, eya ta wògblɔ be," data/train/LUK/LUK_015_Verse_011.mp3,"eye nyemegadze be nàyɔm be viwò o, meɖe kuku xɔm abe wò subɔviwo dometɔ ɖeka ko ene.” ’" data/train/LUK/LUK_009_Verse_041.mp3,"Le ɣetrɔ miaa la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va ƒoe ɖe enu be, “Na mɔ ameawo be woayi kɔƒewo kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu kple dɔƒe na wo ɖokuiwo, elabena naneke mele teƒe tsoabo sia woaƒle aɖu o.”" data/train/LUK/LUK_018_Verse_037.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo wò ŋkuwo neʋu nakpɔ nu. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.”" data/train/LUK/LUK_013_Verse_023.mp3,"“Miafa avi aɖu aɖukli le esime miele tsitre ɖe xexe le Abraham, Isak, Yakob kple nyagblɔɖila siwo katã le mawufiaɖuƒea me la kpɔm ɖo ɖa." data/train/LUK/LUK_015_Verse_012.mp3,"“Eyi eɖokui me, eye wògblɔ be, ‘A, subɔvi siwo le fofonye ƒe aƒe me gɔ̃ hã kpɔa nu ɖuna wòsua wo nyuie, eye ɖe gatsia anyi gɔ̃ hã. Ke nye ya mele afii le kukum le dɔwuame ta!" data/train/LUK/LUK_018_Verse_005.mp3,"Ame siwo nɔ Yesu ŋgɔ la blu ɖe eta be wòazi ɖoɖoe, gake ɖeko wògado ɣlia sesĩe wu be, “David Vi, kpɔ nye nublanui.”" data/train/LUK/LUK_023_Verse_028.mp3,"Herod hã kpɔe be medze agɔ o, eya ta wògatrɔe ɖo ɖe mí. Vavã ame sia mewɔ naneke si ta wòle be woatso kufia nɛ o." data/train/LUK/LUK_012_Verse_026.mp3,"Ke ame si ke gbe nu le gbɔnye le amewo gbɔ la, nye hã magbe nu la eya hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋkume." data/train/LUK/LUK_006_Verse_018.mp3,"Eyi ɖe Mawu ƒe aƒe la me, eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la, eye wòɖui, togbɔ be mele se nu be ame aɖeke naɖu abolo sia o negbe nunɔlawo ko.”" data/train/LUK/LUK_023_Verse_050.mp3,"Wona mɔe, eye wòɖe Yesu ƒe kukua le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala ɖe eŋu, eye wòtsɔe yi ɖamlɔ yɔdo yeye aɖe si woɖe ɖe agakpe aɖe si le togbɛ aɖe xa la me. Womeɖi ame aɖeke ɖe yɔdo sia me kpɔ o." data/train/LUK/LUK_009_Verse_044.mp3,"Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanyae le eme, gake womete ŋui o.”" data/train/LUK/LUK_009_Verse_037.mp3,"Le esia megbe la, edɔ wo ɖa be woagblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe vavanya na ame sia ame, eye woayɔ dɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi." data/train/LUK/LUK_018_Verse_022.mp3,"“Hena ɣeyiɣi aɖe la, egbe be yemaɖo toe o. Ke mlɔeba la, egblɔ na eɖokui be, ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu alo bua amewo ɖe naneke me o hã la," data/train/LUK/LUK_022_Verse_031.mp3,"“Fofo, nenye wò lɔlɔ̃nu la, na kplu sia nato nunye ayi, gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò ko woawɔ.”" data/train/LUK/LUK_001_Verse_002.mp3,"Ale womia asi ɖevia fofo, eye wobiae to asidzesiwɔwɔ me be wòayɔ ŋkɔ si woatsɔ na ɖevia." data/train/LUK/LUK_010_Verse_035.mp3,"Yesu bia agbalẽfiala la azɔ be, “Le ame etɔ̃ siawo dome ɖe, kae nèbu be enye havi na ame si dze adzodalawo si me?”" data/train/LUK/LUK_008_Verse_046.mp3,"Nyɔnu aɖe si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le kple esiwo ŋu wòda gbe le la kplɔ wo ɖo. Wo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre le," data/train/LUK/LUK_013_Verse_030.mp3,"“O, Yerusalem, Yerusalem! Du si me tɔwo wua nyagblɔɖilawo, eye woƒua kpe ame siwo woɖo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu la. Zi geɖe la, medina vevie bena maƒo mia viwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋala te ene, gake mieɖe mɔ nam o." data/train/LUK/LUK_010_Verse_031.mp3,"Ne ŋutifafame aɖe le afi ma la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi; ke ne menye nenem o la, agbugbɔ ava mia dzi." data/train/LUK/LUK_002_Verse_027.mp3,"Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fiae be maku akpɔ o, va se ɖe esime wòkpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo." data/train/LUK/LUK_020_Verse_022.mp3,"Gake ame siwo dze be woƒe asi nasu xexe kemɛ kple fɔfɔ ɖe tsitre yi dziƒo la, womaɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ wo ana be woaɖe hã o." data/train/LUK/LUK_011_Verse_049.mp3,Woatsɔ nya ɖe mi dzidzime sia ŋu ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe ʋukɔkɔɖi tso keke xexe sia me ƒe gɔmedzedze ke ta. data/train/LUK/LUK_008_Verse_041.mp3,"Nuku bubuwo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, ale wotsi, tse ku alafa nanewo wu esi agbledela la wu.” Esi wògblɔ ŋutinya sia vɔ la, egblɔ be, “Ame si to senu li na la nesee.”" data/train/LUK/LUK_023_Verse_010.mp3,"(Barabas sia nye ame aɖe si wolé de gaxɔ me be ehe tɔtɔ gã aɖe va Yerusalem, be amewo natsi tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu. Gawu la, ewu ame hã.)" data/train/LUK/LUK_001_Verse_025.mp3,"Esi nèva do gbe nam teti ko la, vinye la ʋã le dɔ me nam le dzidzɔ ta." data/train/LUK/LUK_009_Verse_042.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la, wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu, eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ." data/train/LUK/LUK_019_Verse_028.mp3,"“Fia la kafui gblɔ be, ‘Èdze agbagba, wò dɔla nyui! Esi nèɖi anukware le nu sue si metsɔ na wò me, eye abe wò fetu ene la, matsɔ du ewo ade wò dzikpɔkpɔ te.’" data/train/LUK/LUK_023_Verse_040.mp3,"Megblɔ esia, elabena ne wole nu siawo ƒomevi wɔm ɖe ati mumu ŋu ɖe, nu ka woawɔ ɖe ati ƒuƒu ŋu?”" data/train/LUK/LUK_014_Verse_033.mp3,"Yesu gatrɔ ɖe ameawo ŋu bia wo be, “Mia dometɔ kae mewɔa dɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o. Nenye be via alo eƒe nyi ge dze do me le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi ɖe, meɖenɛ enumake oa?”" data/train/LUK/LUK_005_Verse_033.mp3,"Simɔn ɖo eŋu nɛ be, “Amegã, egbe zã bliboa katã míeda ɖɔ ʋuu, gake míeɖe naneke o, gake esi nègblɔe ko la, míagada ɖɔ la.”" data/train/LUK/LUK_018_Verse_036.mp3,"Yesu biae be, “Ebu be ènya nu si gblɔm nèle esi nèyɔm be ame nyuia? Le nyateƒe me la, ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko." data/train/LUK/LUK_024_Verse_021.mp3,"Kasia, woƒe ŋkuwo ʋu, eye wokpɔe dze sii be eyae nye Yesu, eye enumake wòbu le wo gbɔ." data/train/LUK/LUK_005_Verse_034.mp3,"Wogada ɖɔ la ake ke azɔ la, woɖe lã ale gbegbe be woƒe ɖɔwo koe de asi vuvu me!" data/train/LUK/LUK_010_Verse_012.mp3,"Gake Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be, “O, Marta, Marta, èle agbagba dzem le fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti." data/train/LUK/LUK_011_Verse_021.mp3,"Eya ta miklɔ nuawo me to dɔmenyowɔwɔ na ame dahewo me, eye mia ŋuti katã hã akɔ." data/train/LUK/LUK_009_Verse_051.mp3,"Yesu bia wo be “Miawo ya ɖe, ame kae miebu be menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Mawu ƒe Kristo la!”" data/train/LUK/LUK_011_Verse_022.mp3,"Eye nenye be miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi." data/train/LUK/LUK_011_Verse_036.mp3,"Mieɖi ɖase, eye mieda asi ɖe nu si mia fofowo wɔ la dzi be enyo. Wowu nyagblɔɖilawo, eye miawo hã mieɖɔa woƒe yɔdowo ɖo." data/train/LUK/LUK_019_Verse_012.mp3,"elabena mevɔ̃ be àbia viɖe tso asinye, evɔ wò nya ɖe wòsesẽ, èxɔa nu si menye tɔwò o le amewo si akpasesẽtɔe. Èxɔa amewo ƒe agblewo le wo si akpasesẽtɔe gɔ̃ hã.’" data/train/LUK/LUK_008_Verse_040.mp3,"Nuku aɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi. Nuku siawo de asi miemie me, gake wova yrɔ elabena woƒe kewo mete ŋu yi tome ʋĩi afi si woakpɔ tsi le o." data/train/LUK/LUK_006_Verse_037.mp3,"Ne nu le asiwò, eye ame aɖe bia wò la, nae eye mègabia be netrɔe vɛ na ye o." data/train/LUK/LUK_023_Verse_031.mp3,"Ke adzodala evelia blu ɖe nɔvia ta be, “Ɖe mevɔ̃a Mawu oa, esi mí katã míele fɔbubu ma ke tea?" data/train/LUK/LUK_024_Verse_003.mp3,"Ame eveawo de asi gbɔgblɔ me be, “Mèkpɔe be míaƒe dziwo lé dzo ŋutɔ le esime wònɔ mawunya la me ɖem na mí le mɔa dzi oa?”" data/train/LUK/LUK_019_Verse_010.mp3,"Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ la anye gbedoɖaƒe’; gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”" data/train/LUK/LUK_015_Verse_004.mp3,"Dɔ wu ɖekakpui sia ale gbegbe be nu siwo hawo ɖuna la dzroe be wòaɖu, elabena mekpɔa naneke ɖuna o." data/train/LUK/LUK_024_Verse_012.mp3,"Esi wònɔ wo yram la, wokɔe le nusrɔ̃lawo gbɔ heyi dziƒoe." data/train/LUK/LUK_002_Verse_045.mp3,"Wodii ʋuu, gake womekpɔe o, ale wotrɔ yi Yerusalem be yewoadii le afi ma." data/train/LUK/LUK_008_Verse_048.mp3,"Nyɔnu sia va te ɖe eŋu le emegbe, eye wòka asi eƒe awu to, enumake eƒe ʋusisidɔ la tɔ." data/train/LUK/LUK_020_Verse_018.mp3,"Esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waingble la ƒe kutsetsea ƒe akpa si nye etɔ gome la vɛ. Gake agblea dzi kpɔlawo ƒo dɔla la vevie, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu." data/train/LUK/LUK_005_Verse_007.mp3,Elabena lã geɖe si woɖe la wɔ nuku na Petro kple eƒe dɔwɔhatiwo. data/train/LUK/LUK_019_Verse_034.mp3,"Ke womekpɔ mɔ si dzi woato o, elabena ame sia ame kloe lɔ̃e vevie, eye eƒe nyawo sɔ to me na wo ŋutɔ." data/train/LUK/LUK_008_Verse_006.mp3,"Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yairo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔlawo dometɔ ɖeka la va Yesu gbɔ dze klo ɖe eƒe afɔ nu heɖe kuku nɛ vevie be nekplɔ ye ɖo yi aƒe me," data/train/LUK/LUK_006_Verse_034.mp3,"Ne miedoa ga na ame siwo miele mɔ kpɔm na be woagaxee na mi emegbe ɖe, nu nyui kae wònye miewɔ? Nu vɔ̃ɖi wɔla akuakuawo hã doa nu na wo tɔ nu vɔ̃ɖi wɔlawo be yewoaxɔ nenema ke emegbe." data/train/LUK/LUK_001_Verse_077.mp3,"Zekaria tsi gbedoxɔ la me va se ɖe esime eƒe subɔsubɔŋkeke mamlɛawo wu enu, eye wòtrɔ yi aƒe me." data/train/LUK/LUK_005_Verse_010.mp3,"Esi Yesu dzo le du sia me yina la, ekpɔ dugadzɔla aɖe si ame sia ame nya nyuie le eƒe amebaba ta. Dugadzɔla sia ŋkɔe nye Levi eye wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka.”" data/train/LUK/LUK_018_Verse_041.mp3,"Yesu ɖo eŋu be, “Mawu ate ŋu awɔ nu si amegbetɔ mate ŋu awɔ o!”" data/train/LUK/LUK_018_Verse_019.mp3,"Gbe ɖeka la, dzila aɖewo kplɔ wo viwo vɛ be Yesu nada asi ɖe wo dzi ayra wo. Gake esi nusrɔ̃lawo kpɔ esia la, wonya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o." data/train/LUK/LUK_016_Verse_009.mp3,"elabena nɔviŋutsu atɔ̃ bubuwo gale megbea be wòagbe nya na wo tso agbe si ƒomevi wole la ŋu be ne woawo hã va ku la, womava dzomavɔ sia me o.’" data/train/LUK/LUK_018_Verse_023.mp3,"Ke le wò biabia ŋu la, magblɔ be ènya seawo xoxo be, ‘Mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègawu ame o, mègada alakpa o, bu fofowò kple dawò kple bubuawo.’ ”" data/train/LUK/LUK_006_Verse_041.mp3,Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o. Ke ame sia ame si xɔ hehe nyuitɔ la anɔ ko abe eƒe nufiala ene. data/train/LUK/LUK_023_Verse_006.mp3,"Asrafo siwo nɔ eŋu dzɔm hã ɖu fewu le eŋu. Wotsɔ aha tsitsi nɛ be wòano," data/train/LUK/LUK_022_Verse_002.mp3,ale wòyi nunɔlagãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegãwo gbɔ be yeade aɖaŋu kple wo le mɔ nyuitɔ si dzi yeato ade Yesu asi na wo la ŋuti. data/train/LUK/LUK_010_Verse_011.mp3,"Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam, eye ame aɖeke menya Vi la o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke hã menya Fofo la o, negbe Vi la kple ame siwo wòlɔ̃ ɖe eɖokui fia la ko.”" data/train/LUK/LUK_002_Verse_032.mp3,"Ke Maria ya ɣla nya siawo katã ɖe eƒe dzi me, eye wòbua wo ŋu zi geɖe." data/train/LUK/LUK_002_Verse_043.mp3,Wodi tso ame sia ame si be wòayi eya ŋutɔ ƒe dedu me be woaŋlɔ eŋkɔ le afi ma. data/train/LUK/LUK_022_Verse_034.mp3,"Gake Yesu biae be, “Yuda, nu ka ta nèwɔ esia ɖo, nugbugbɔe natsɔ ade Amegbetɔ Vi la asia?”" data/train/LUK/LUK_002_Verse_029.mp3,"Kasia dziƒoʋakɔ gã aɖewo va kpe ɖe mawudɔla ɖeka ma ŋu, eye wonɔ Mawu kafum le gbɔgblɔm be," data/train/LUK/LUK_002_Verse_036.mp3,"Maria kple Yosef ƒe nu ku, eye woƒe mo wɔ yaa le nya siwo katã gblɔm Simeon nɔ le Yesu ŋu ta." data/train/LUK/LUK_001_Verse_001.mp3,"Ale wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe dzi, eye eƒe fiaɖuƒe mawu nu akpɔ o.”" data/train/LUK/LUK_005_Verse_009.mp3,"Esi wòwu nuƒoa nu la, egblɔ na Simɔn be, “Azɔ miyi tsia ƒe gogloa ƒe ke ne miada ɖɔ ɖe afi ma ekema miaɖe lã fũu.”" data/train/LUK/LUK_012_Verse_042.mp3,"“Mikpɔ dzogbenyawo le baliwo me ɖa. Wometrea ɖeti alo lɔ̃a avɔ o, gake Solomo ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o." data/train/LUK/LUK_007_Verse_039.mp3,"Wogblɔ na Yesu be, “Ŋutsu sia ŋue wòle be nàkpe ɖo, elabena elɔ̃ míaƒe dukɔ la eye eya kee tu míaƒe ƒuƒoƒe na mí.”" data/train/LUK/LUK_002_Verse_007.mp3,"“Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, azɔ àte ŋu ado mɔ wò dɔla le ŋutifafa me, elabena mekpɔe abe ale si nèdo ŋugbee nam la ene." data/train/LUK/LUK_002_Verse_006.mp3,Amewo katã ƒe nu ku le eƒe nunya kple nugɔmesese ta. data/train/LUK/LUK_023_Verse_036.mp3,"Le esia ta la, mana woaƒoe sesĩe le dutoƒo, eye maɖe asi le eŋu.”" data/train/LUK/LUK_011_Verse_035.mp3,Mi movitɔwo! Menye Mawue wɔ nu sia nu godo kple eme oa? data/train/LUK/LUK_017_Verse_020.mp3,"Ke magblɔ nɛ boŋ be, ‘Wɔ nye fiẽnuɖuɖu, dzra ɖokuiwò ɖo, eye nàva subɔm le nye kplɔ̃ ŋuti maɖu nu, eye mano nu, le esia megbe wò hã nàɖu nu ano nu oa’?" data/train/LUK/LUK_020_Verse_021.mp3,"Eɖo eŋu be, “Nye hã mabia nya ɖeka mi hafi maɖo miaƒe biabia ŋu na mi." data/train/LUK/LUK_019_Verse_001.mp3,"“Ame bubu va hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam lae nye esi. Metsɔ ga la dzra ɖo na wò be wòanɔ dedie," data/train/LUK/LUK_007_Verse_017.mp3,"Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, “ ‘Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò be, wòadzra wò mɔ la ɖo.’" data/train/LUK/LUK_022_Verse_021.mp3,"Elabena ɣeyiɣi la ɖo bena nya si woŋlɔ ɖi tso ŋunye la nava eme be, ‘Wowui ɖe nu vɔ̃ wɔlawo dome.’ Le nyateƒe me la, nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ tso ŋunye la ava eme.”" data/train/LUK/LUK_001_Verse_035.mp3,"eye le nunɔdɔ ƒe kɔnu la nu la, woda akɔ, eye wotia Zekaria be wòawɔ subɔsubɔdɔ le Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la me, eye wòado dzudzɔ." data/train/LUK/LUK_019_Verse_023.mp3,"eye woaxlã wò kple viwò siwo le mewò la ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o, elabena ègbe mɔnukpɔkpɔ si Mawu na wò be nàdzudzɔ nu vɔ̃ la.”" data/train/LUK/LUK_001_Verse_044.mp3,"Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zekaria, elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wò Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes." data/train/LUK/LUK_018_Verse_035.mp3,"Wogblɔ nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ lae va yina.”" data/train/LUK/LUK_004_Verse_040.mp3,Yesu ƒe nya siawo ve dɔ me na ameawo ŋutɔ le ƒuƒoƒea esi wose wo. data/train/LUK/LUK_024_Verse_006.mp3,"‘Ele be woade Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo, woaklãe ɖe ati ŋuti, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòatsi tsitre.’ ”" data/train/LUK/LUK_021_Verse_033.mp3,Woawu wo tamesesẽtɔe alo woaɖe aboyo wo ayi xexemedukɔ bubuwo mee. Ame siwo menye Yudatɔwo o la aɖu Yerusalem dua dzi agbãe gudugudu. Esia ayi dzi va se ɖe esime wòdze Mawu ŋu be wòaɖo asi ame siwo menye Yudatɔ siawo o dzi.” data/train/LUK/LUK_001_Verse_046.mp3,"Gawu la, anɔ abe ɣleti adee nye esi va yi ene la, wò ƒometɔ Elizabet, ame si woyɔna be ‘konɔ’ la fɔ fu le eƒe nyagãkuku me." data/train/LUK/LUK_001_Verse_010.mp3,"be wòakpɔ nublanui na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, abe ale si wòdo ŋugbee na mía fofowo ene.”" data/train/LUK/LUK_018_Verse_033.mp3,"Petro gblɔ nɛ be, “Míawo la, míegblẽ míaƒe aƒewo kple nu sia nu ɖi dze yowòme.”" data/train/LUK/LUK_010_Verse_004.mp3,"Dzɔgbenyuitɔe la, Yudatɔwo ƒe nunɔla aɖe va to afi ma yina, esi wòkpɔ amea le mɔa to la, edze to eŋu yi ɖato mɔa ƒe akpa evelia, eye wòdzo le egbɔ." data/train/LUK/LUK_009_Verse_027.mp3,"Gake ame geɖewo nya afi si yim wonɔ xoxoxo, eya ta wokplɔ wo ɖo. Exɔ wo alɔ eve, eye wògade asi nufiafia wo me tso mawufiaɖuƒe la ŋu, eye wòyɔ dɔ dɔnɔwo hã le wo dome." data/train/LUK/LUK_022_Verse_040.mp3,"Ke esi wònɔ nya siawo gblɔm la, ameha aɖe do ɖe wo dzi. Yuda, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ŋgɔ na wo. Yuda zɔ ɖe Yesu dzi, eye wògbugbɔ alɔgo nɛ abe lɔlɔ̃ ƒe dzesi ene." data/train/LUK/LUK_024_Verse_047.mp3,"Yesu bia wo be, “Nya ka me dzrom miele vevie alea? Edze nam ƒãa be nya siwo me dzrom miele la nye nya gã aɖe ŋutɔ si dzɔ.” Mɔzɔla eveawo nɔ tsitre, eye wodzudzɔ nuƒoƒo. Blanui lé wo ŋutɔ." data/train/LUK/LUK_016_Verse_013.mp3,"Eƒe luʋɔ yi ɖe dzomavɔ me. Esi wònɔ fu kpem le afi ma la, ekpɔ Lazaro ɖaa le Abraham gbɔ." data/train/LUK/LUK_008_Verse_015.mp3,"Esi wonɔ go dom tso ʋua me ko la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le, eye megado awu kpɔ o la si du tso Gadara dua me va kpe Yesu. Nɔƒe aɖeke mele ame sia si abe aƒe me ene o. Agado siwo me woɖi ame kukuwo ɖo la me wòmlɔna." data/train/LUK/LUK_001_Verse_067.mp3,"ne wòaklẽ na ame siwo le viviti me kple ku ƒe vɔvɔli te, ne wòada míaƒe afɔwo ɖe ŋutifafa ƒe mɔ dzi.”" data/train/LUK/LUK_012_Verse_041.mp3,"Mikpɔ akpaviãwo ɖa, womeƒã nu o, womeŋea nu o, eye ava ɖeka hã mele wo si be woadzra nuɖuɖu ɖo ɖe eme o, gake wokpɔa woƒe gbe sia gbe nuɖuɖu, elabena Mawu ŋutɔ naa nuɖuɖu wo. Evɔ miawo la, miele vevie na Mawu wu xeviwo katã!" data/train/LUK/LUK_011_Verse_053.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Babaa na mi sefialawo hã. Elabena mietsɔa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la ɖoa amewo dzi, eye miawo ŋutɔ mietsɔa miaƒe asibidɛ ɖeka kaa agbawo ŋu o." data/train/LUK/LUK_012_Verse_011.mp3,"Eya ta migavɔ̃ o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la ŋutɔ be wòatsɔ fiaɖuƒe la na mi." data/train/LUK/LUK_018_Verse_000.mp3,"Ahosi aɖe si hã nɔ dua me la vaa ʋɔnudrɔ̃la sia gbɔ gbe sia gbe va nɔ kuku ɖem nɛ be, ‘Ɖem le nye ketɔ si me.’" data/train/LUK/LUK_020_Verse_038.mp3,"Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’" data/train/LUK/LUK_015_Verse_000.mp3,"“Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna.” Eƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ." data/train/LUK/LUK_008_Verse_023.mp3,"Eye eƒe gbɔgbɔ gagbugbɔ, eye enumake wòtsi tsitre kpla. Yesu gblɔ na ameawo be, “Mina nanee wòaɖu!”" data/train/LUK/LUK_002_Verse_005.mp3,"Alẽkplɔlawo ɖe abla yi kɔƒea me eye woyi afi si Yosef kple Maria nɔ. Wokpɔ vidzĩ la hã, wokɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me vavã." data/train/LUK/LUK_022_Verse_024.mp3,"Esi nusrɔ̃la mamlɛawo kpɔ nu si be yeadzɔ la, wodo ɣli be, “Aƒetɔ, míwɔ avu kpli woa? Míetsɔ míaƒe yiawo ɖe asi!”" data/train/LUK/LUK_012_Verse_037.mp3,"Midzra nu siwo le mia si, eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o, eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o." data/train/LUK/LUK_021_Verse_002.mp3,"Ame sia ame alé fu mi, elabena mienye tɔnyewo ta." data/train/LUK/LUK_001_Verse_038.mp3,Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime. data/train/LUK/LUK_021_Verse_036.mp3,"Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔa me gbe sia gbe, eye le fiẽ me la, etrɔna yia Amito la dzi, afi si wòdɔna le zã me," data/train/LUK/LUK_005_Verse_024.mp3,"Ke ne mianyae bena ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Ale wògblɔ na lãmetututɔ la be, “Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba nàyi aƒe me.”" data/train/LUK/LUK_012_Verse_044.mp3,"Nenye be ame aɖe ƒo nu vɔ̃ɖi le nye Amegbetɔ Vi la ŋu la, ɖewohĩ woatsɔe akee, ke ame si agblɔ nya vɔ̃ɖi aɖe ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o." data/train/LUK/LUK_010_Verse_020.mp3,"Levitɔ aɖe si nye ame siwo naa kpekpeɖeŋu le gbedoxɔ me la dometɔ aɖe hã va kpɔ amea wòmlɔ mɔa to, gake eya hã tso eme dzo." data/train/LUK/LUK_012_Verse_043.mp3,"Ne anyigbemeya de asi ƒoƒo me la, miegblɔna be, ‘Egbe la, ŋdɔ le ʋuʋu ge sesĩe.’ Eye esia hã vaa eme." data/train/LUK/LUK_006_Verse_038.mp3,"“Nenye be ame aɖe ƒo wò tome ɖeka la, trɔ evelia hã nɛ wòaƒo! Nenye be ame aɖe tsɔ wò dziwui la, mègagbe wò awutewuitsɔtsɔ nɛ o." data/train/LUK/LUK_016_Verse_000.mp3,"“Abraham ɖo eŋu be, ‘Mose kple Nyagblɔɖilawo le wo gbɔ, woaɖo to woawo.’" data/train/LUK/LUK_023_Verse_033.mp3,"Ke esi wòse be Yesu tso Herod ƒe ŋusẽ te la, eɖoe ɖe Herod, ame si hã nɔ Yerusalem le ŋkeke mawo me." data/train/LUK/LUK_017_Verse_026.mp3,"Ne eda vo ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi, eye wòva zi adre va gblɔ be, ‘Metrɔ dzi me,’ la, ekema tsɔe kee.”" data/train/LUK/LUK_019_Verse_044.mp3,"“Woɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, ga geɖe le ame ma si xoxo ɖe!’" data/train/LUK/LUK_002_Verse_008.mp3,"Edzilawo menya nu si woagblɔ esi wokpɔe o. Mlɔeba la, dadaa gblɔ nɛ be, “Vinye, nu ka ta nèwɔ nu sia ƒomevi ɖe mía ŋu ɖo? Mí kple fofowò míetsi dzodzodzoe nɔ diwòm le afi sia afi.”" data/train/LUK/LUK_012_Verse_054.mp3,"“Woahe to na dɔla ma vevie, elabena enya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu be wòawɔ ɖe edzi, gake egbe mewɔe o." data/train/LUK/LUK_006_Verse_011.mp3,"“Dzi nedzɔ mi, eye mitso aseye, elabena fetu nyui le mia lalam le dziƒo. Alea tututue wo fofowo wɔ ɖe nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã ŋuti." data/train/LUK/LUK_011_Verse_031.mp3,"Le ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi la, Nyɔnufia si tso Seba la atsi tsitre afia asi dzidzime sia, eye wòabu fɔ wo, elabena ezɔ mɔ tso anyigba ƒe seƒe ke va be yease Solomo ƒe nufiamenyawo, ke azɔ ame aɖe si kɔ wu Solomo la le mia dome." data/train/LUK/LUK_021_Verse_020.mp3,"“Gake hafi nu siawo katã nava dzɔ la, woaɖo asi mia dzi, eye woawɔ fu mi. Woahe mi ayi woƒe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, woakplɔ mi ayi ʋɔnui le fiawo kple mɔmefia gãwo gbɔe. Woawɔ esiawo katã ɖe mia ŋu le tanye." data/train/LUK/LUK_002_Verse_040.mp3,"Simeon nɔ afi ma xoxo, eye wòxɔ ɖevi la ɖe eƒe abɔwo me henɔ Mawu kafum gblɔ be," data/train/LUK/LUK_020_Verse_000.mp3,"Agbletɔ la gadɔ ame etɔ̃lia ɖo ɖa agblea dzi kpɔlawo. Wode abi eŋu, eye wotsɔe le agblea me ƒu gbe." data/train/LUK/LUK_004_Verse_036.mp3,"Yesu gagblɔ na ameawo be, “Mawunya sia va eme le egbeŋkeke sia dzi.”" data/train/LUK/LUK_013_Verse_031.mp3,"Yesu trɔ bia ameawo be, “Ɖe miebu be ame siwo wowu la ƒe nu vɔ̃wo sɔ gbɔ wu Galileatɔ bubuwo tɔ tae wowu wo ɖoa?" data/train/LUK/LUK_016_Verse_005.mp3,“Aƒetɔ la kafu nuteƒemawɔla sia le eƒe aɖaŋudzedze ta. Eye enye nyateƒe be ame siwo le xexe sia me la dze aye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me tsɔ wu ame siwo vɔ̃a Mawu.” data/train/LUK/LUK_020_Verse_015.mp3,"Egblɔ na wo be, “Ekema mitsɔ nu si nye Kaisaro tɔ la nɛ, eye mitsɔ nu si nye Mawu tɔ la na Mawu!”" data/train/LUK/LUK_010_Verse_010.mp3,"Eɖo eŋu be, “Mose ƒe se la gblɔ be, ‘Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi kple luʋɔ blibo la kple wò susu kple wò ŋusẽ katã hã, eye nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ ”" data/train/LUK/LUK_010_Verse_032.mp3,"“Nenye be miege ɖe du aɖe me eye dua me tɔwo xɔ mi nyuie la, ekema miɖu nu sia nu si wotsɔ ɖo miaƒe akɔme." data/train/LUK/LUK_006_Verse_046.mp3,"Yesu nya nu si bum ame siawo nɔ xoxoxo, gake egblɔ na ŋutsua be, “Tso va nɔ tsitre ɖe afii be ame sia ame nakpɔ wò.” Ŋutsu la tso ɖe tsitrenu abe ale si wògblɔ nɛ ene." data/train/LUK/LUK_011_Verse_043.mp3,"Nenye be ŋusẽtɔ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo, eye wòle eƒe fiasã ŋu dzɔm la, eƒe nuwo anɔ dedie." data/train/LUK/LUK_004_Verse_026.mp3,"Le ɣetrɔ miaa la, kɔƒea me tɔwo katã kplɔ ame siwo katã nɔ dɔ vovovowo lém le woƒe aƒewo me la vɛ na Yesu, eye wòda asi ɖe wo katã dzi heyɔ dɔ wo." data/train/LUK/LUK_023_Verse_011.mp3,"Ekema “ ‘amegbetɔwo agblɔ na towo be, “Mitsyɔ mía dzi!” eye wogblɔ na togbɛwo be, “Mitsyɔ mía dzi!” ’" data/train/LUK/LUK_017_Verse_027.mp3,Nu ka ta wònye amedzro sia koe trɔ va be yeakafu Mawu?” data/train/LUK/LUK_004_Verse_014.mp3,"Eya ta ne èdze klo de ta agu nam ko la, matsɔ wo na wò.”" data/train/LUK/LUK_006_Verse_014.mp3,"Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke dzie ta la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖe ŋku ɖe edzi gãa henɔ ekpɔm be ada gbe le amea ŋu le ŋkekea dzi hã. Wonɔ ŋku lém ɖe eŋu elabena wodi be wòawɔ vodada aɖe be yewoatsɔ nya ɖe eŋu." data/train/LUK/LUK_019_Verse_027.mp3,"“Fia la do dɔmedzoe hegblɔ na dɔla vɔ̃ɖi la be, ‘Wò kuviatɔ nèbe menye ŋutasẽla. Wò ŋutɔ wò nuƒoƒoe matsɔ adrɔ̃ ʋɔnu wòe. Ne ènya nyuie be ŋutasẽla menye ɖe," data/train/LUK/LUK_020_Verse_009.mp3,"Azɔ míaƒe biabia lae nye be, ame ka srɔ̃e nyɔnu sia anye nenye be wofɔ tso ku me? Elabena ŋutsuawo katã ɖee kpɔ!”" data/train/LUK/LUK_014_Verse_029.mp3,"“Subɔvi la trɔ va gblɔ nya siwo ameawo gblɔ la na eƒe aƒetɔ. Dɔ me ve aƒetɔa ŋutɔ, eya ta edɔ eƒe subɔvi la wòyi dua ƒe ablɔwo dzi kple kpɔdomewo ɖayɔ nubialawo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo va kplɔ̃a ŋui." data/train/LUK/LUK_008_Verse_008.mp3,"Aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le to si te ɖe wo ŋu la kɔgo le ɣeyiɣi sia me, eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu be nena yewoayi aɖage ɖe wo me. Ale Yesu na mɔ wo." data/train/LUK/LUK_017_Verse_007.mp3,"Amewo nɔ nutsu ɖum, nɔ srɔ̃ ɖem, eye agbe vivi ɖuɖu nɔ edzi vevie va se ɖe esime Noa ge ɖe eƒe aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ ame bubuawo katã." data/train/LUK/LUK_021_Verse_007.mp3,"Ekema mina ame siwo le Yudea la nasi ayi togbɛwo dzi, eye ame siwo le Yerusalem la nadze agbagba asi. Ke ame siwo le dua godo la megate kpɔ be yewoatrɔ ayi dua me o." data/train/LUK/LUK_007_Verse_019.mp3,"eye wòdɔ wo ɖo ɖe Aƒetɔ la gbɔ be woabiae be, “Wòe nye Mesia la vavã loo alo míganɔ mɔ kpɔm na ame bubua?”" data/train/LUK/LUK_008_Verse_045.mp3,"Nyɔnu aɖe nɔ afi ma, ame si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, gake ame aɖeke mete ŋu yɔ dɔe o." data/train/LUK/LUK_012_Verse_052.mp3,"Tso azɔ dzi yina la, ƒomewo me ama, akpa etɔ̃ adze yonyeme, eye akpe eve atsi tsitre ɖe ŋunye. Alo akpa eve adze yonyeme, eye akpa etɔ̃ atsi tsitre ɖe ŋunye." data/train/LUK/LUK_024_Verse_044.mp3,"Wotsɔ lã meme kakɛ aɖe nɛ, eye esi wònɔ" data/train/LUK/LUK_019_Verse_006.mp3,"Azɔ le nye futɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋunye, eye womedi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’ ”" data/train/LUK/LUK_016_Verse_030.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Miewɔa mia ɖokuiwo abe ame kɔkɔe deblibowo ene le amewo ƒe ŋkume, gake Mawu nya miaƒe dzimesusu vɔ̃ɖiwo.” Miaƒe alakpanuwɔwɔ na be amewo tsɔa bubu na mi, gake enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume." data/train/LUK/LUK_014_Verse_016.mp3,"Esi nu sia nu sɔ gbe vɔ be wɔnawo nadze egɔme la, edɔ eƒe subɔvi ɖe ame siwo wòkpe la gbɔ be wòaɖayɔ wo vɛ." data/train/LUK/LUK_023_Verse_024.mp3,"Eyi edzi be, “Yesu ɖo ŋku dzinye le wò fiaɖuƒe la me.”" data/train/LUK/LUK_017_Verse_021.mp3,"Le zã ma me la, ame eve amlɔ abati ɖeka dzi, eye woava kplɔ ɖeka dzoe agblẽ ɖeka ɖi." data/train/LUK/LUK_022_Verse_062.mp3,"Wotsyɔ̃ nu mo nɛ, eye wobia tso esi be, “Gblɔ nya ɖi! Ame kae ƒo wò.”" data/train/LUK/LUK_002_Verse_003.mp3,"ale wòdzi ŋutsuvi si nye via gbãtɔ. Exatsa ɖevi la ɖe abadzivɔ me, eye wòkɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me, elabena womekpɔ dzeƒe le amedzrodzeƒe si le kɔƒea me la o." data/train/LUK/LUK_018_Verse_031.mp3,Miebu be Mawu matso afia na eƒe ame tiatia siwo le kuku ɖem nɛ zã kple keli la oa? Ɖe magbɔ dzi ɖi na wo oa? data/train/LUK/LUK_004_Verse_017.mp3,"Eƒe nyagbɔgblɔwo wɔ nuku na ameawo katã le afi sia hã, elabena eƒo nu ŋusẽtɔe." data/train/LUK/LUK_004_Verse_008.mp3,"Enɔ afi ma ŋkeke blaene, eye Abosam va tee kpɔ le ŋkeke siawo katã me. Meɖu naneke le ŋkeke siawo katã me o, ale dɔ wui vevie." data/train/LUK/LUK_006_Verse_036.mp3,"Ne miewɔa dɔmenyo na ame siwo wɔa dɔmenyo na mi ko ɖe, akpedada kae li na mi? Nu vɔ̃ wɔlawo gɔ̃ hã wɔna nenema!" data/train/LUK/LUK_009_Verse_036.mp3,"Ke Yesu nya woƒe dzimesusuwo, eya ta ekɔ ɖevi sue aɖe da ɖe eƒe axadzi." data/train/LUK/LUK_010_Verse_040.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Aleke Mose ƒe sea gblɔ tso nu sia ŋuti?”" data/train/LUK/LUK_011_Verse_014.mp3,"Elabena ale si Yona nye dzesi na Ninivetɔwoe la, nenema ke Amegbetɔ Vi la anye dzesi na dzidzime siae." data/train/LUK/LUK_013_Verse_019.mp3,"Ke nu vɔ̃ wònye nye ya mewɔ be meɖe ga Yuda nyɔnu, Abraham ƒe dzidzimevi sia, le Dzudzɔgbe ŋkeke dzia? Ame si Satana bla kple dɔléle ƒe wuienyi sɔŋ la?”" data/train/LUK/LUK_023_Verse_037.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, eƒo ga wuieve lɔƒo, ke viviti do ɖe anyigba blibo la katã dzi enumake va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me." data/train/LUK/LUK_023_Verse_030.mp3,"Herod kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòkpɔ Yesu elabena ese eŋkɔ zi geɖe, eye wòse nukunu gã siwo katã wòwɔ la hã, ale wònɔ mɔ kpɔm be awɔ dzesi aɖe yeakpɔ." data/train/LUK/LUK_001_Verse_049.mp3,kple atam si wòka na mía fofo Abraham la dzi data/train/LUK/LUK_011_Verse_025.mp3,"Gake ne ame si sẽ ŋu wui va dze edzi, eye woxɔ ŋusẽ le esi la, axɔ eƒe aʋawɔnu siwo ŋu wòle ŋu ɖom ɖo la le esi, eye wòama eƒe nunɔamesiwo." data/train/LUK/LUK_024_Verse_043.mp3,Wonɔ Yerusalem gbedoxɔ la me gbe sia gbe henɔ Mawu kafum. data/train/LUK/LUK_008_Verse_017.mp3,"Esi woɖo aƒea me la, Yesu de se be ame aɖeke nagage ɖe xɔ si me ɖevia le kple ye o negbe Petro, Yohanes, Yakobo kple ɖevia fofo kple dadaa ko." data/train/LUK/LUK_014_Verse_012.mp3,"“Bubu hã do taflatse be yeƒle nyitsu ewo be woawɔ dɔ le yeƒe agble me, eya ta yeyina wo do ge akpɔ." data/train/LUK/LUK_001_Verse_024.mp3,"Esi Elizabet se Maria ƒe gbedodo nɛ ko la, vidzĩ si le dɔ me nɛ la ʋã kple dzidzɔ, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Elizabet me fũu." data/train/LUK/LUK_013_Verse_018.mp3,"“Ke agaɖo eŋu na mi be, ‘Megblɔe na mi be nyemenya mi o. Miate ŋu ava eme o, elabena nu vɔ̃ wɔlawo mienye. Midzo le afi ma.’" data/train/LUK/LUK_012_Verse_018.mp3,"eƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si menya o la dzi, eye wòaɖee ɖa le nɔƒe kɔkɔ si wòdae ɖo, eye wòadae ɖe ame mawɔnuteƒewo dome." data/train/LUK/LUK_016_Verse_024.mp3,"Mele egblɔm na mi be mitsɔ anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui, ne wo nu va yi vɔ la, woaxɔ mi ɖe aƒe mavɔ la me." data/train/LUK/LUK_008_Verse_028.mp3,Gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le amea me yi ɖage ɖe haawo me. Enumake haawo katã ƒu du sesĩe tso toa kɔgo yi ɖadze ƒu me doo heno tsi ku. data/train/LUK/LUK_016_Verse_006.mp3,"Edo ɣli sesĩe be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Dɔ Lazaro ɖa be wòade eƒe asibidɛ tsi me atsɔ age ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye ve me ƒu kplakplakpla le dzo gã sia me.’" data/train/LUK/LUK_006_Verse_048.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Alo miexlẽ nu tso nu si David wɔ esi dɔ wu eya kple eŋutimewo ŋu oa?" data/train/LUK/LUK_019_Verse_039.mp3,nu ka tae mètsɔ ga la da ɖe gadzraɖoƒe bena wòahe viɖe vi aɖe teti vɛ nam o?’ data/train/LUK/LUK_012_Verse_012.mp3,"Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o.”" data/train/LUK/LUK_013_Verse_026.mp3,"“Miʋli be miage ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, ke mele egblɔm be womate ŋui o." data/train/LUK/LUK_013_Verse_011.mp3,"Ele abe atiku sue aɖe si wodo ɖe agble me ene. Atiku sia tsi kabakaba va zu ati kɔkɔ aɖe, eye wòɖe alɔwo fũu, eye xeviwo va wɔ atɔ ɖe alɔawo me.”" data/train/LUK/LUK_013_Verse_028.mp3,"Nenye be Aƒetɔ la tsi tsitre hetu ʋɔa la, ekema mietsi megbe. Mianɔ tsitre ɖe ʋɔa godo anɔ eƒom be, ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mi.’ “Ke aɖo eŋu na mi be, ‘Nyemenya mi kple afi si mietso o.’" data/train/LUK/LUK_004_Verse_039.mp3,"Yesu yi ɖatsi tsitre ɖe dɔnɔa ƒe aba gbɔ, eye wòɖe gbe na dɔlélea be wòaɖe asi le eŋu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake, eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo woƒe akɔme." data/train/LUK/LUK_016_Verse_022.mp3,"“Le esia ta la, kesinɔtɔ la yɔe gblɔ nɛ be, ‘Nya kawoe nye esiawo mese le ŋuwò be èle nye nuwo fim? Wɔ akɔnta le ga siwo katã nèxɔ la ŋu nam, elabena tso egbea dzi la, menya wò le dɔ me.’" data/train/LUK/LUK_008_Verse_034.mp3,"Ke Yesu trɔ bia be, “Ame kae ka asi ŋunye?” Ame aɖeke melɔ̃ be yee o. Ke Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ ameha la mimi wò ɖo, eye wote ɖe ŋuwò kpokploe, aleke wɔ nàbia be ame kae ka asi ye ŋu?”" data/train/LUK/LUK_018_Verse_006.mp3,"Anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me ado, tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.”" data/train/LUK/LUK_018_Verse_039.mp3,"Yesu nɔ eyome kpɔm esi wòyina, eye wògblɔ be, “Asesẽ na kesinɔtɔ ŋutɔ be wòage ɖe mawufiaɖuƒe la me!" data/train/LUK/LUK_024_Verse_046.mp3,"Yesu bia wo be, “Nu ka ta miele vɔvɔ̃m ɖo? Nu ka tae miele ɖi kem le miaƒe dziwo me, be nyee le mia dome?" data/train/LUK/LUK_011_Verse_017.mp3,"Esi wòdo go tso afi ma la, Farisitɔwo kple agbalẽfialawo tsi tsitre ɖe eŋu vevie, eye wole biabia vovovowo biam" data/train/LUK/LUK_020_Verse_005.mp3,"Ale wolée, hee do goe le waingblea me heyi ɖawu.” Yesu bia ameha la be, “Nu ka miebu be agbletɔ la awɔ?" data/train/LUK/LUK_007_Verse_003.mp3,"Azɔ Yesu bia wo be, “Aleke magblɔ tso dzidzime sia tɔgbi ŋu? Nu ka ŋu matsɔ wo asɔ ɖo?" data/train/LUK/LUK_010_Verse_042.mp3,"Ŋutsu sia di be yeatso afia na ye ɖokui, elabena eya ŋutɔ melɔ̃a ame sia ame o, eya ta wòbia Yesu be, “Ame kae nye hanyevi?”" data/train/LUK/LUK_002_Verse_037.mp3,"Nyɔnu nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Ana hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Enye Fanuel si tso Yuda ƒe ƒome si woyɔna be Aser me la ƒe vi. Exɔ ƒe geɖe ŋutɔ, eye wònɔ anyi kple srɔ̃a ƒe adre tso eƒe ɖetugbime," data/train/LUK/LUK_019_Verse_037.mp3,"Le esia ta eƒu du dze wo ŋgɔ, yi ɖalia ati kɔkɔ aɖe si le mɔa to, be yeakpɔe tso afi ma." data/train/LUK/LUK_019_Verse_029.mp3,"“Fia la ɖo eŋu be, ‘Ele eme nenema, gake enye nyateƒe matrɔmatrɔ be, ame siwo si nu le la, woawoe agakpɔ nu ɖe edzi, eye ame si si nu sue aɖe le la abu sue si le esi la gɔ̃ hã le ɣeyiɣi kpui aɖe me." data/train/LUK/LUK_006_Verse_031.mp3,"Mina nu, eye woana nu miawo hã. Nu siwo katã miena la, woatrɔ wo vɛ na mi woasɔ gbɔ agbã go sãa wu esi sinu miena, eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo hã.”" data/train/LUK/LUK_017_Verse_017.mp3,"Gake gbã la, ele be makpe fu vevie, eye dukɔ blibo sia nagbe nu le gbɔnye." data/train/LUK/LUK_005_Verse_032.mp3,"Simɔn Petro kpɔ nu si va dzɔ la, eya ta wòdze klo ɖe Yesu kɔme hegblɔ be, “O, Aƒetɔ, meɖe kuku dzo le mía gbɔ, elabena nye nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye nyemedze be mate ɖe ŋuwò o.”" data/train/LUK/LUK_014_Verse_005.mp3,"“Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòalɔ̃m wu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu. Ɛ̃, le nyateƒe me, ele nɛ be wòalɔ̃m wu eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã. Ne menye nenema o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o." data/train/LUK/LUK_005_Verse_028.mp3,"Nenema ke womekɔa aha yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o; ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo xoxo la awo, eye aha la katã akɔ ɖe anyigba." data/train/LUK/LUK_024_Verse_050.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Mi ame manyanuwo! Esesẽna na mi be miaxɔ nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la dzi ase!" data/train/LUK/LUK_015_Verse_022.mp3,"Mayi aƒe aɖagblɔ na fofonye be, “Fofo, mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋutiwò," data/train/LUK/LUK_014_Verse_035.mp3,"Yesu ɖo eƒe nya la ŋu nɛ be, “Ŋutsu aɖe ɖo kplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ame geɖewo." data/train/LUK/LUK_001_Verse_066.mp3,"ne nàtsɔ xɔxɔ ƒe sidzedze na eƒe dukɔ to woƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke me," data/train/LUK/LUK_020_Verse_001.mp3,"Agbletɔ la gadɔ dɔla bubu ɖa, gake wowɔ eya hã nenema; woƒoe, eye esi wodo ŋukpee la, wonyae wòdzo asi ƒuƒlu." data/train/LUK/LUK_009_Verse_035.mp3,"Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea edzi enuenu esi wɔnɛ be wòdoa ɣli sesĩe. Etsɔnɛ xlãna ɖe anyi sesĩe, ale be futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia ɖea fu nɛ ɣe sia ɣi kloe, eye menana wòkpɔa vovo kura o." data/train/LUK/LUK_022_Verse_030.mp3,"Eɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe Yerusalem dua me teti ko la, miakpɔ ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta wòazɔ va yina. Mikplɔe ɖo, eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me," data/train/LUK/LUK_008_Verse_022.mp3,"Eteƒe medidi o la, ameha gã aɖe va do be yewoakpɔ nu kple yewo ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ kpɔ la, eƒe mo kɔ, eye wòdo awu henɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔ nu kpoo, esia wɔe be vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo katã." data/train/LUK/LUK_017_Verse_009.mp3,"“Aƒetɔ Yesu, kpɔ nublanui na mí!”" data/train/LUK/LUK_020_Verse_025.mp3,"“Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, Mose gɔ̃ hã gblɔe fia le ŋuve mumu si nɔ bibim la gbɔ, esi wòyɔ Mawu be, ‘Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’" data/train/LUK/LUK_005_Verse_012.mp3,"Eteƒe medidi o, Levi ɖo kplɔ̃ na Yesu, eye wòkpe etɔ nudzɔla bubuwo hã ɖe kplɔ̃ sia ŋu le eƒe aƒe me." data/train/LUK/LUK_020_Verse_019.mp3,"Esi wonɔ mɔnu dim le eŋu ta la, wodɔ ame aɖewo ɖe egbɔ be woawɔ wo ɖokuiwo abe ame dzɔdzɔewo ene, ne woalée le nya me, ne yewoadee asi na amegãwo kple mɔmefia hena tohehe nɛ." data/train/LUK/LUK_018_Verse_004.mp3,"Ame siwo le afi ma se nya si wògblɔ la gblɔ be, “Nenye be esesẽ alea ɖe, ekema ame ka koŋ ate ŋu akpɔ ɖeɖe sia?”" data/train/LUK/LUK_004_Verse_011.mp3,"Esi Yesu do go le ƒuƒoƒea gbe ma gbe la, eyi Simɔn ƒe aƒe me, eye wòke ɖe Simɔn lɔ̃xo ŋu wònɔ ŋudza sesẽ aɖe lém. Ame sia ame kloe va ɖe kuku na Yesu gblɔ be, “Míeɖe kuku na wò da gbe le eŋu.”" data/train/LUK/LUK_005_Verse_029.mp3,"Nenema kee ame aɖeke menoa aha tsitsi vɔ teti ko ganoa yeyetɔ tɔtɔnɛ o, elabena wogblɔna godoo be, ‘Mɔ xoxotɔwo nyo wu.’ ”" data/train/LUK/LUK_007_Verse_046.mp3,"Yesu tso kpla kplɔ wo ɖo. Gake hafi wòaɖo aƒea me la, aʋafia la dɔ exɔlɔ̃ aɖewo ɖa be woagblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mègaɖe fu na ɖokuiwò be nàva nye aƒe me o, elabena nyemedze na bubu sia tɔgbi o." data/train/LUK/LUK_011_Verse_050.mp3,"Yesu dze si nu si nɔ ame siawo katã ƒe susu me, eya ta egblɔ be, “Ne dukɔ aɖe me tɔwo ma ɖe wo nɔewo ŋu hele aʋa wɔm la, dukɔa agbã, nenema ke nenye be aƒe aɖe me yɔ fũu kple dzre la, mate ŋu anɔ te o.”" data/train/LUK/LUK_001_Verse_033.mp3,"Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu, eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo.”" data/train/LUK/LUK_016_Verse_012.mp3,"Eye nenye be mieɖia anukware le ame bubuwo ƒe nu siwo wotsɔ de mia si me ŋu o la, aleke wɔ woatsɔ gã si nye wò ŋutɔ tɔwò la ade asi na wò?" data/train/LUK/LUK_022_Verse_026.mp3,"eye ne mebia nya aɖe mi hã, miele eŋu ɖo ge nam o." data/train/LUK/LUK_018_Verse_016.mp3,"Farisitɔ la do gbe ɖa be, ‘Meda akpe na Mawu be nyemenye nu vɔ̃ wɔla abe ame bubuwo ene o, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, vevietɔ abe nudzɔla si le afi mɛ ɖa ene o." data/train/LUK/LUK_001_Verse_045.mp3,"Gake vi aɖeke hã menɔ wo si o, elabena Elizabet nye konɔ, eye wo ame eve la katã wotsi ŋutɔ." data/train/LUK/LUK_004_Verse_028.mp3,"Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be ahosi geɖewo nɔ Israel le Eliya ŋɔli, esi wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple afã, eye dɔwuame sesẽ aɖe va anyigba blibo la dzi." data/train/LUK/LUK_002_Verse_051.mp3,"Ɖevi la tsi le afi sia le nunya, ŋusẽ kple sidzedze me. Ame sia ame nya be eƒe nunya kɔ sãa, eye Mawu kɔ eƒe yayra ɖe edzi fũu." data/train/LUK/LUK_008_Verse_029.mp3,Gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo de do globo si seɖoƒe meli na o la me o. data/train/LUK/LUK_021_Verse_035.mp3,"Yesu kpɔe dũu, eye wògblɔ be, “Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ahosi dahe sia ƒe nunana sɔ gbɔ sãa wu nunalawo katã ƒe nunana." data/train/LUK/LUK_022_Verse_049.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ ŋugble dem vevie le mɔ si dzi woato awu Yesu, ale be ʋunyaʋunya madzɔ le dukɔa me o la ŋuti, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na dukɔa me viwo." data/train/LUK/LUK_011_Verse_030.mp3,"Le nyateƒe me, woabu fɔ mi tso Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zekaria, ame si wowu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome la dzi. Le nyateƒe me la, woatsɔ fɔbubu sia ada ɖe dzidzime sia dzi." data/train/LUK/LUK_002_Verse_001.mp3,"ale be ame geɖewo aɖe woƒe susuwo ɖe go afia, ke wò la, yi aƒo ɖe wò luʋɔ le eta.”" data/train/LUK/LUK_014_Verse_027.mp3,"Nenye be wòkpɔe be yeƒe asrafowo mate ŋu aɖu dzi o la, adɔ ame ɖo ɖe futɔwo gbɔ be yeawɔ ŋutifafa kple wo hafi woava ɖo eƒe du gbɔ." data/train/LUK/LUK_011_Verse_045.mp3,"Nu si Mawu gblɔ tso mia ŋu lae nye be, ‘Maɖo nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe mi. Ke miawu ɖewo, eye mianya ɖewo de gbe.’" data/train/LUK/LUK_016_Verse_008.mp3,"“Egblɔ nɛ be, ‘Nenye be womaɖo to Mose kple Nyagblɔɖilawo o la, ne ame aɖe fɔ tso ame kukuwo dome gɔ̃ hã la, mate ŋu aƒoe ɖe wo nu woaxɔe o.’ ”" data/train/LUK/LUK_018_Verse_011.mp3,"Egblɔ na wo be, “Ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ du gã aɖe me. Ame sia mevɔ̃a Mawu o, eye mebua ame aɖeke hã ɖe naneke me o." data/train/LUK/LUK_002_Verse_046.mp3,Woƒe nya la wɔ nuku na ame siwo katã see la ŋutɔ. data/train/LUK/LUK_018_Verse_040.mp3,"Yesu ɖo eŋu be, “Esia le eme vavã, eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, srɔ̃a, nɔviawo, dzilawo alo viawo ɖi ɖe mawufiaɖuƒea ta la," data/train/LUK/LUK_023_Verse_051.mp3,"Woŋlɔ klã ɖe eƒe atitsoga tame be, ame siae nye Yudatɔwo ƒe Fia." data/train/LUK/LUK_015_Verse_023.mp3,Miwu nyivi dami si le nyikpoa me hã. Ele be míaɖo kplɔ̃ gã aɖe akpɔ dzidzɔ. data/train/LUK/LUK_015_Verse_027.mp3,"“Nenye be alẽ alafa ɖeka le asiwò, eye ɖeka tra mɔ yi gbe me hebu ɖe, màgblẽ blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ mamlɛa ɖe gbea dzi aɖadi ɖeka ma va se ɖe esime nèke ɖe eŋu oa?" data/train/LUK/LUK_024_Verse_030.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, wogogo Emaus, kɔƒe si me woyina la. Yesu wɔ abe ɖe wòle eme tsom ene, eya ta" data/train/LUK/LUK_014_Verse_031.mp3,"Woaɖu fewu hã le eŋu be, ‘Mikpɔ ame ma ɖa! Eyae dze xɔ ma tutu gɔme, gake mete ŋu wu enu hafi ga vɔ le esi o.’" data/train/LUK/LUK_002_Verse_025.mp3,"gake mawudɔla la de dzi ƒo na wo gblɔ be, “Migavɔ̃ o! Dzidzɔnya gãtɔ kekeake si miese kpɔ o lae meva be magblɔ na mi kple ame bubuwo siaa!" data/train/LUK/LUK_015_Verse_015.mp3,"Gake esi viwò sia yi ɖagblẽ wò ga ɖe gbolowo ŋu trɔ gbɔ la, èwu nyivi damitɔ kekeake si le mía si la tsɔ ɖo kplɔ̃e nɛ!’" data/train/LUK/LUK_015_Verse_019.mp3,"“Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖevi suetɔ ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu eye wòdzo yi du didi aɖe me. Egblẽ eƒe ga katã le afi ma le agbe baɖabaɖa kple agbe kɔkɔ ɖuɖu me." data/train/LUK/LUK_012_Verse_047.mp3,"“Nenye be wokplɔ mi va ƒuƒoƒedzikpɔlawo kple amegãwo ŋkume be yewoadrɔ̃ ʋɔnu mi la, migatsi dzi le nu si miagblɔ la alo atsɔ aɖe mia ɖokui nu ŋu o." data/train/LUK/LUK_024_Verse_040.mp3,Nyɔnuawo ɖo ŋku eƒe nyawo dzi. data/train/LUK/LUK_013_Verse_035.mp3,"Ɛ̃, egbea, etsɔ kple ŋkeke si akplɔe ɖo la, mawu nye dɔ nu! Elabena menyo be Mawu ƒe nyagblɔɖila aɖeke naku ɖe afi aɖeke tsɔ wu Yerusalem o." data/train/LUK/LUK_016_Verse_018.mp3,"“Gakɔntametola la yi ta me sẽe, eye wòbia eɖokui be, ‘Nu ka mawɔ fifia? Nye aƒetɔ nyam le afi sia, evɔ ŋusẽ hã mele ŋunye be mayi aɖawɔ dɔ sesẽ aɖeke o, eye nyemate ŋu abia nu hã o, elabena esia aɖe dzinye kpɔtɔ akpa." data/train/LUK/LUK_002_Verse_044.mp3,Wodii le afi ma ŋkeke etɔ̃ hafi va ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me le sefialagãwo dome wònɔ biabia sesẽwo me dzrom kpli wo. data/train/LUK/LUK_011_Verse_020.mp3,Eya ta kpɔ nyuie be kekeli si le mewò la naganye viviti o. data/train/LUK/LUK_017_Verse_011.mp3,"Egblɔ na wo be, “Nenye be xɔse le mia si lolo abe kutsetse suetɔ kekeake ene la, ate ŋu ana be miaɖe gbe na ati gã sia be, ‘Ho ɖokuiwò yi ɖado ɖe ƒu me,’ eye wòawɔ miaƒe gbe dzi." data/train/LUK/LUK_023_Verse_052.mp3,"Yesu do ɣli sesĩe le gaƒoƒo sia me gblɔ be, “Fofo, metsɔ nye gbɔgbɔ de asiwò me.” Esi wògblɔ nya siawo vɔ ko la, emia nu kpoo." data/train/LUK/LUK_024_Verse_002.mp3,Alo mele na Kristo be wòakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?” data/train/LUK/LUK_023_Verse_020.mp3,Ewɔ esia le Fiɖagbe ɣetrɔ le esime amewo nɔ dzadzraɖo wɔm na Dzudzɔgbe ŋkekea ɖuɖu. data/train/LUK/LUK_021_Verse_010.mp3,"elabena mana nunya mi, eye made nya siwo katã miagblɔ la nu me na mi, ale be ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe nu siwo miagblɔ la ŋu o." data/train/LUK/LUK_002_Verse_028.mp3,"Gbɔgbɔ la zi edzi be wòayi gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Esi Maria kple Yosef wova be yewoatsɔ Yesu, ɖevi la aɖo Mawu ŋkume le se la ƒe kɔa nu la," data/train/LUK/LUK_018_Verse_012.mp3,"Esi wòse ameha ŋkɔ wòva yina la, ebia be wòagblɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la na ye." data/train/LUK/LUK_011_Verse_015.mp3,"elabena xɔ̃nye aɖe si le mɔ zɔm la va dzem, eye naneke meli matsɔ nɛ wòaɖu o.’" data/train/LUK/LUK_017_Verse_032.mp3,"“Xexea me anɔ abe ale si wònɔ le Lɔt ƒe ŋkekewo me ene. Ame sia ame nɔ eƒe gbe sia gbe dɔ wɔm pɛpɛpɛ. Wonɔ nu ɖum, nɔ nu nom, wonɔ asi ƒlem, wode agble, tu xɔ gãwo" data/train/LUK/LUK_018_Verse_002.mp3,"Ale wode asi ɣlidodo me be, “Yesu David Vi la, kpɔ nye nublanui!”" data/train/LUK/LUK_022_Verse_032.mp3,"Gake medo gbe ɖa ɖe tawò be wò xɔse magabu keŋ o. Ale nenye be èdze si wò vodada, eye nègatrɔ va gbɔnye la, do ŋusẽ nɔviwò mamlɛawo hã, eye nàtu woƒe xɔse ɖe edzi.”" data/train/LUK/LUK_009_Verse_047.mp3,"Nenye be amewo mexɔ mi le du aɖe me o la, midzo le dua me. Ke ne miedzo yina la, miʋuʋu ke si le miaƒe afɔwo ŋuti la ɖi hena ɖaseɖiɖi le dua ŋuti." data/train/LUK/LUK_019_Verse_002.mp3,"“Ame evelia hã va do be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam la mekpɔ viɖe teƒe atɔ̃ ɖe edzi.’" data/train/LUK/LUK_020_Verse_033.mp3,"Ne míegblɔ hã be, ‘Amewo gbɔ wòtso la,’ ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.”" data/train/LUK/LUK_007_Verse_011.mp3,"Esi wòsusɔ vie woaɖo dua ƒe agbo nu la, wokpɔ be wotsɔ ame kuku aɖe le go domi. Ame si ku woyina ɖiɖi ge la nye viŋutsu akogo si nɔ dadaa si nye ahosi la si. Esia wɔe be ame geɖewo ŋutɔ kplɔ ahosia ɖo henɔ konyi fam kplii." data/train/LUK/LUK_018_Verse_017.mp3,"Gake esi ŋutsua se nya sia la, etrɔ dzo nublanuitɔe, elabena kesinɔtɔ gã aɖe wònye." data/train/LUK/LUK_005_Verse_023.mp3,Ke boŋ lãgbalẽgolo yeye mee wòdze be woakɔ aha yeye ɖo. data/train/LUK/LUK_002_Verse_004.mp3,"Ale Yesu trɔ yi Nazaret kpli wo, eye wònaa bubu edzilawo nyuie ŋutɔ. Ke dadaa tsɔ nya siawo katã ɣla ɖe eƒe dzi me." data/train/LUK/LUK_014_Verse_024.mp3,"ne edzɔ nenema la, ame si kpe wò la akplɔe va afi si nènɔ eye wòagblɔ na wò be, ‘Tso nàtsɔ wò nɔƒe na ame sia.’ Esia ana be ŋu akpe wò, eye nàyi aɖanɔ zikpui sia zikpui si le kplɔ̃a ƒe nuwuwu lɔƒo la dzi." data/train/LUK/LUK_001_Verse_039.mp3,"Eɖe fiawo ɖa le woƒe zi dzi, ke edo ame siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe anyi la ɖe dzi." data/train/LUK/LUK_005_Verse_035.mp3,"Yesu ka asi ŋutsua hegblɔ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ!” Ŋutsua ŋuti kɔ enumake, eye dɔ la vɔ le eŋu." data/train/LUK/LUK_024_Verse_000.mp3,Ale wòʋu woƒe susuwo be woase mawunya siawo katã gɔme. data/train/LUK/LUK_005_Verse_038.mp3,"Yesu yi ɖage ɖe ʋua ɖeka me, eye wògblɔ na Simɔn ame si tɔ nye ʋua be wòakui tso go ŋu ayi tsia dzi vie. Esi wòbɔbɔ nɔ eme la, efia nu ameha la tso afi ma." data/train/LUK/LUK_018_Verse_015.mp3,"Esi Yesu va ɖo afi si wònɔ la, etɔ, eye wògblɔ be, “Mikplɔ ŋkuagbãtɔ ma va afii.”" data/train/LUK/LUK_008_Verse_011.mp3,"Egblɔ nya sia, elabena Yesu de asi gbɔgbɔ vɔ̃ la nyanya me le eme xoxo. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia xɔ amea me ale gbegbe be ne woblae kple gakɔsɔkɔsɔ hã la, etsoa kɔsɔkɔsɔa bɔbɔe hesina ɖoa gbe." data/train/LUK/LUK_019_Verse_045.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, elabena ame sia hã la, Abraham vi wònye." data/train/LUK/LUK_023_Verse_047.mp3,"Sẽe la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Fofo tsɔ ame siawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole la o.” Asrafowo ɖe eƒe awuwo le eŋu, eye woda akɔ ɖe ɖe sia ɖe dzi hemae." data/train/LUK/LUK_023_Verse_007.mp3,Azɔ ele na Pilato be wòaɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋu na wo le Ŋutitoto ŋkekenyuia dzi. data/train/LUK/LUK_001_Verse_028.mp3,"Esi ɖevia xɔ ŋkeke enyi la, ƒometɔwo kple wo xɔlɔ̃wo va kpe be yewoawɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu la. Amewo katã bu be woatsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zekaria nɛ," data/train/LUK/LUK_013_Verse_008.mp3,"Aƒetɔ la ɖo eŋu be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ɖe mieɖea ka miaƒe tedziwo alo nyiwo le woƒe kpowo me le Dzudzɔgbe dzi, eye miekplɔa wo yina ɖanaa tsi wo wonona oa? Esia hã nye dɔwɔwɔ le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi." data/train/LUK/LUK_005_Verse_022.mp3,"Kasia, ame aɖewoe nye esiwo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi va doe. Wodze agbagba ɖe sia ɖe be yewoato ameha la dome akɔe yi Yesu gbɔe," data/train/LUK/LUK_009_Verse_020.mp3,"Esi Yakobo kple Yohanes se nya sia la, wogblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, míɖe gbe na dzo be wòatso dziƒo ava fia woa?”" data/train/LUK/LUK_004_Verse_033.mp3,"wotsɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ be wòaxlẽ. Eʋu teƒe si woŋlɔ ɖo be," data/train/LUK/LUK_005_Verse_021.mp3,"Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso, nàzɔ azɔli mahã’?" data/train/LUK/LUK_006_Verse_015.mp3,"Esi wòɖi tso toa dzi la, nusrɔ̃lawo kple eyomenɔlawo va ƒo ƒu ɖe Yesu ŋuti le gbadzaƒe aɖe. Ameha gã aɖe hã va ɖe to ɖe wo, amewo tso Yudea nutowo me katã kple Yerusalem. Ɖewo tso keke Sidon kple Tiro ƒutaduwo me ke" data/train/LUK/LUK_017_Verse_003.mp3,"Ame eve lanɔ agble me, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.”" data/train/LUK/LUK_017_Verse_028.mp3,"“Nyɔnu eve woanɔ wɔ tum le teƒo, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ evelia ɖi." data/train/LUK/LUK_008_Verse_007.mp3,"Aƒea me ŋutɔ yɔ fũu kple konyifala siwo nɔ avi fam. Yesu gblɔ na wo be, “Midzudzɔ avia. Ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle!”" data/train/LUK/LUK_012_Verse_022.mp3,"Gawu la, migaɖe fu na mia ɖokuiwo le nuɖuɖu kple nunono ŋuti o, migana esia nakplɔ mi ade nuxaxa me o. Mawu ana wo mi." data/train/LUK/LUK_001_Verse_074.mp3,"Zekaria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ anya be esia ate ŋu ava eme, elabena metsi ŋutɔ, eye srɔ̃nye hã ku nyagã?”" data/train/LUK/LUK_004_Verse_037.mp3,"“Yesu Nazaretitɔ, nu ka ta nèle fu ɖem na mí ɖo? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔetɔ la.”" data/train/LUK/LUK_004_Verse_023.mp3,"Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele be magblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.”" data/train/LUK/LUK_012_Verse_019.mp3,"Gake magblɔ ame si wòle be miavɔ̃ la na mi, eyae nye Mawu ame si si ŋusẽ le be wòate ŋu awu ame atsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔ me." data/train/LUK/LUK_002_Verse_033.mp3,"Ke ŋutsu aɖe le Yerusalem si ŋkɔe nye Simeon la hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Ame sia nye ame ɖɔʋu aɖe si vɔ̃a Mawu ŋutɔ, enɔ Israel ƒe akɔfafa lalam eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe le eya amea dzi." data/train/LUK/LUK_004_Verse_004.mp3,"Azɔ Abosam gakplɔe yi Yerusalem, eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia." data/train/LUK/LUK_014_Verse_007.mp3,"Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu.”" data/train/LUK/LUK_002_Verse_024.mp3,eye wònye ahosi si xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ene sɔŋ. Nyɔnu sia medzona le gbedoxɔ la me gbeɖe o. Enɔa afi sia zã kple keli nɔa Mawu subɔm henɔa gbedodoɖa kple nutsitsidɔ dzi atraɖii. data/train/LUK/LUK_007_Verse_030.mp3,Mèsi ami ɖe ta nam o; ke eya tsɔ ami si ɖe nye afɔwo ŋuti. data/train/LUK/LUK_005_Verse_015.mp3,"gake womete ŋui o le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta. Le esia ta wolia xɔa, eye woɖe do ɖe etame, heɖiɖi lãmetututɔ la kple eƒe aba ɖe Yesu kɔme tututu." data/train/LUK/LUK_009_Verse_053.mp3,"Yesu xɔ edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔ kple dzi me makɔmakɔtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo? Kplɔ viwò ŋutsuvi la va afii.”" data/train/LUK/LUK_020_Verse_024.mp3,"Ke etɔ̃lia hã ɖee, eye nu sia yi edzi ʋuu va se ɖe esime ɖekakpui adreawo katã ɖe ahosia kpɔ, gake ɖeke medzi vi kplii hafi ku o." data/train/LUK/LUK_015_Verse_001.mp3,ale wòyɔ subɔvi ɖeka hebiae be nu kae le edzi yim le aƒea me? data/train/LUK/LUK_002_Verse_031.mp3,"Ke esi wowu ŋutikɔklɔŋkekeawo nu le Mose ƒe seawo nu la, Yosef kple Maria kɔ vidzĩ la yi gbedoxɔ me le Yerusalem be woakɔe aɖo Mawu ƒe ŋkume" data/train/LUK/LUK_009_Verse_055.mp3,"Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Na ame siwo nye ame kukuwo la naɖi woƒe ame kukuwo, ke wò ya yi naɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la na amewo.”" data/train/LUK/LUK_023_Verse_034.mp3,Ke eƒe ame nyanyɛwo katã kple nyɔnu siwo dze eyome tso Galilea la tsi tsitre ɖe adzɔge ke le nu siawo kpɔm. data/train/LUK/LUK_007_Verse_021.mp3,Farisitɔwo kple sefialawo koe gbe be yewomaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ na yewo la o. Ale wogbe be Yohanes made mawutsi ta na yewo o.) data/train/LUK/LUK_001_Verse_072.mp3,"Wo kple evea wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume, eye wolé Aƒetɔ la ƒe sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe." data/train/LUK/LUK_012_Verse_017.mp3,"Eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie! Milé be na mia ɖokui tso ŋukeklẽ ŋuti, elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.”" data/train/LUK/LUK_007_Verse_047.mp3,"Yohanes Mawutsidetanamela tsia nu dɔna, eye menoa wain o, ke miegblɔ be, ‘Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.’" data/train/LUK/LUK_008_Verse_014.mp3,"Esi wòkpɔ Yesu teti ko la, etsɔ eɖokui xlã ɖe anyigba le eŋgɔ henɔ ɣli dom be, “Nu ka dim nèle le gbɔnye, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Meɖe kuku na wò, mègawɔ funyafunyam o!”" data/train/LUK/LUK_009_Verse_024.mp3,"eye le mɔa dzi la, edɔ amewo ɖo ɖe Samaria kɔƒe aɖe me be woaɖadi xɔ da ɖi na yeƒe vava." data/train/LUK/LUK_024_Verse_017.mp3,gake wokpɔe be womli kpe gã si wotsɔ tu yɔdoa nui la ɖa. data/train/LUK/LUK_023_Verse_009.mp3,"Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosef, Yudatɔwo ƒe Takpekpegã me nɔla, ame si nye ame nyui kple ame dzɔdzɔe," data/train/LUK/LUK_006_Verse_044.mp3,"Woƒe nukoko ɖe yame fifia ava zu konyifafa na wo. Babaa na mi ame siwo ŋu amewo aƒo nu nyui le, elabena nenema kee wo fofowo wɔ na aʋatsonyagblɔɖilawo." data/train/LUK/LUK_006_Verse_019.mp3,"Eɖi ame aɖe si tu xɔ, eɖe do goglo, eye wòɖo gɔmeɖokpe nyuie ɖe kpe gbadza dzi, ke esi tɔ ɖɔ, eye tsi ɖe xɔa la, mete ŋu mui o, elabena wotui nyuie." data/train/LUK/LUK_009_Verse_003.mp3,"Ame bubu aɖe si hã wòyɔ la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, madze yowòme, gake na mayi aɖaklã nye ƒometɔwo gbã hafi mava.”" data/train/LUK/LUK_012_Verse_014.mp3,"Eye ne wode wò mɔ la, ànɔ afi ma va se ɖe esime nàxe fe siwo katã nènyi la wòavɔ keŋkeŋ.”" data/train/LUK/LUK_002_Verse_038.mp3,"Nyɔnu sia zɔ va do ɖe Maria kple Yosef gbɔ esime Simeon nɔ nu ƒom na wo, eye wode asi akpedada me na Mawu. Azɔ eyi ɖaɖe gbeƒã Kristo la na ame siwo katã nɔ mɔ kpɔm na Yerusalem ƒe ɖeɖe la." data/train/LUK/LUK_009_Verse_059.mp3,"Ŋutsu aɖe si nɔ wo dome la kɔ gbe dzi gblɔ nɛ be, “Nufiala, meɖe kuku na wò be nàkpɔ vinye ŋutsuvi sia ɖa; eya koe nye vi le asinye." data/train/LUK/LUK_001_Verse_017.mp3,Elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nu gãwo nam. Kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ. data/train/LUK/LUK_022_Verse_038.mp3,"Kasia mawudɔla aɖe tso dziƒo va do ŋusẽe," data/train/LUK/LUK_006_Verse_003.mp3,"Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖi sia fiana." data/train/LUK/LUK_024_Verse_025.mp3,"Ke Petro ʋu du yi yɔdoa to be yeakpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ebɔbɔ do mo ɖe yɔdoa me, gake ameɖivɔ la ko wòkpɔ le anyigba. Ale wòtrɔ yi aƒe me henɔ nu si dzɔ la ŋuti bum vevie." data/train/LUK/LUK_017_Verse_002.mp3,"alo woagblɔ be, ‘Edze egɔme tso afi sia’ alo ‘Ele akpa kemɛ o,’ elabena mawufiaɖuƒe la le mía dome xoxo.”" data/train/LUK/LUK_001_Verse_026.mp3,"Esi wòdo go mlɔeba la, mete ŋu ƒo nu na ame aɖeke o, ke ewɔ dzesi na wo, esi fia be ekpɔ ŋutega alo ɖeɖefia aɖe le gbedoxɔ la me." data/train/LUK/LUK_019_Verse_048.mp3,"Ŋutsu aɖe nɔ dua me, ame si ŋkɔe nye Zaxeo. Enye nudzɔlawo ƒe amegã, eye wònye kesinɔtɔ hã." data/train/LUK/LUK_022_Verse_066.mp3,"Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Menɔ mɔ kpɔm vevie be maɖu Ŋutitotoŋkekea ƒe nuɖuɖu sia kpli mi hafi nye fukpekpewo nadze egɔme." data/train/LUK/LUK_007_Verse_008.mp3,"Esi Aƒetɔ la kpɔ ahosia la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta egblɔ nɛ be, “Mègafa avi o!”" data/train/LUK/LUK_001_Verse_012.mp3,"be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me, ne míasubɔe vɔvɔ̃manɔmetɔe" data/train/LUK/LUK_018_Verse_034.mp3,"Woatsɔm ade asi na Ame siwo menye Yudatɔwo be woaɖu fewu le ŋunye, ado ŋukpem nyuie, woaɖe ta ɖe ŋunye," data/train/LUK/LUK_013_Verse_033.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miyi ɖagblɔ na ayetɔ ma be manɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya dzi, eye mawɔ nukunu geɖewo, ayɔ dɔ amewo egbea kple etsɔ. Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mawu nye dɔ nu, eye maɖo afi si yim mele." data/train/LUK/LUK_004_Verse_002.mp3,"Ale wòdzo henɔ tsatsam le Yudea nutowo katã me kpe ɖo, nɔ mawunya gblɔm na amewo le woƒe ƒuƒoƒewo." data/train/LUK/LUK_015_Verse_010.mp3,"Eye nenye be èkpɔe la, àkɔe ɖe abɔta kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe ayi aƒee." data/train/LUK/LUK_005_Verse_000.mp3,"Ale Levi gblẽ nu sia nu ɖi, eye wòtso enumake hedze eyome." data/train/LUK/LUK_022_Verse_055.mp3,"Nu ka ta mielém le gbedoxɔ la me o ɖo? Menɔa afi ma gbe sia gbe ɖe! Gake ɣeyiɣi siae nye ɣeyiɣi nyuitɔ na mi, ɣeyiɣi si me Satana ƒe ŋusẽ le dzi ɖum.”" data/train/LUK/LUK_012_Verse_057.mp3,"Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, “Le esia ta la, mele egblɔm na mi be, migatsi dzi le nu si miaɖu hena agbenɔnɔ alo nudodo siwo miaƒe ŋutilã hiã ŋu o," data/train/LUK/LUK_019_Verse_041.mp3,"Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu na wo dzaa be, “Aƒetɔ la hiãe.”" data/train/LUK/LUK_007_Verse_026.mp3,"Le esia ta la, see be lɔlɔ̃ gã si wòɖe fia la fia be wotsɔ eƒe nu vɔ̃ geɖe siwo wòwɔ la kee. Ke ame si wotsɔ nu vɔ̃ ʋɛ aɖe ko kee la ɖea lɔlɔ̃ ʋɛ aɖe ko fiana.”" data/train/LUK/LUK_005_Verse_006.mp3,"Azɔ Yesu do lo sia na wo be, “Ame aɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ xoxo si vuvu lae o. Ne wotsɔ avɔnuɖeɖi yeye ka avɔ xoxo si vuvu la, menya kpɔna o; gawu la, enana be avɔa ƒe teƒe si woka la gavuvuna ɖe edzi wu tsã." data/train/LUK/LUK_012_Verse_013.mp3,"Eye manɔ anyi agblɔ na ɖokuinye be, “Nɔvi èdzra nuɖuɖu geɖewo ɖo ɖi hena ƒe geɖe siwo gbɔna, eya ta xɔ gbɔgbɔ nàɖe dzi ɖe anyi, ɖu nu, nano nu, eye nàɖu agbe nyuie.” ’" data/train/LUK/LUK_007_Verse_034.mp3,Nukunu si Yesu wɔ gbe ma gbe la kaka ɖe Yudea bliboa katã kple nuto siwo ƒo xlã Yudea la me. data/train/LUK/LUK_001_Verse_078.mp3,"Ɖevi la tsi, eye wòsẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Enɔ gbedzi va se ɖe esime woɖee fia Israel blibo la le gaglãgbe." data/train/LUK/LUK_022_Verse_071.mp3,"Yesu trɔ ɖe nunɔlagãwo, hamemegãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegã siwo nɔ ameha la ŋgɔ va la ŋu, eye wòbia wo be, “Adzodalae menye, eya ta mietsɔ kpowo kple yiwo va be yewoalém ɖo mahã?" data/train/LUK/LUK_001_Verse_060.mp3,"Maria ɖi vo, eye eƒe susu ɖe fu nɛ ŋutɔ. Edze agbagba bu ta me le nu si tututu mawudɔla la wɔnɛ la ŋu." data/train/LUK/LUK_017_Verse_012.mp3,"“Elabena Amegbetɔ Vi la ƒe tɔtrɔgbɔ adze nyuie abe ale si dzi kea dzo le lilikpowo mee ene, be ame sia ame nakpɔe." data/train/LUK/LUK_001_Verse_023.mp3,"Esi dzudzɔdoɣi ɖo la, ameha si va be yewoasubɔ la nɔ xexe nɔ gbe dom ɖa." data/train/LUK/LUK_021_Verse_030.mp3,Nu siawo anye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na mi be miaɖi ɖase le ŋunye na wo. data/train/LUK/LUK_017_Verse_010.mp3,"Edze klo ɖe Yesu ƒe akɔme le anyigba, eye wòda akpe nɛ le esi wòyɔ dɔe ta. Ame sia nye Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o." data/train/LUK/LUK_004_Verse_032.mp3,"woatsɔ wò ɖe woƒe asiwo me, ale be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’ ”" data/train/LUK/LUK_010_Verse_026.mp3,"Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu, eye miɖe gbeƒã na wo be, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’" data/train/LUK/LUK_008_Verse_010.mp3,Dzi dzɔ ɖevia dzilawo ŋutɔ. Ke Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. data/train/LUK/LUK_002_Verse_011.mp3,"Elabena nye ŋkuwo kpɔ wò ɖeɖe," data/train/LUK/LUK_002_Verse_020.mp3,"Esi Yesu xɔ ƒe wuieve la, woyi ŋkeke la ɖuƒe le kɔnyinyi la nu." data/train/LUK/LUK_013_Verse_024.mp3,"“Miawo miaɖo eŋu nɛ be, ‘Mí kpli wò míede asi agba ɖeka me ɖu nu kpɔ, eye nèfia nu le míaƒe ablɔwo dzi hã kpɔ.’" data/train/LUK/LUK_012_Verse_040.mp3,"Mienya ɣe ka ɣie wòava o, ate ŋu ava le zã ga asiekɛ me loo alo zãtitina. Gake ne eva ɖo ko, dzi adzɔ eƒe dɔla siwo katã le klalo la." data/train/LUK/LUK_023_Verse_021.mp3,"Eya ta Pilato gaɖe nya me na ameha la, elabena edi vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu." data/train/LUK/LUK_012_Verse_033.mp3,"“Medi be mana kakaɖedzi mi be, Nye, Amegbetɔ Vi la, made bubu mia ŋu le dutoƒe le mawudɔlawo ŋkume, nenye be miawo hã mieʋu menye le anyigba sia dzi abe mia xɔlɔ̃ ene." data/train/LUK/LUK_006_Verse_039.mp3,"“Nu ka ta nèkpɔa ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi o mahã?" data/train/LUK/LUK_017_Verse_013.mp3,"Emegbe la, Yesu gaƒo nu le nu sia ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi miadi be nye Amegbetɔ Vi la manɔ mia gbɔ ŋkeke ɖeka pɛ ko. Gake nyemanɔ anyi o." data/train/LUK/LUK_009_Verse_045.mp3,"“Miɖo to afii, eye mialé nya si gblɔ ge mele na mi la ɖe ta me. Wole nye Amegbetɔ Vi la de ge asi.”" data/train/LUK/LUK_006_Verse_016.mp3,"Esi ŋu ke la, eyɔ eyomenɔlawo katã ƒo ƒui, eye wòtia ame wuieve le wo dome bena woanye yeƒe nusrɔ̃lawo. Ame siawoe woyɔ be apostolowo." data/train/LUK/LUK_019_Verse_000.mp3,"Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu, eye woɖo woƒe avɔwo ɖe edzi eye wokɔ Yesu ɖo edzi." data/train/LUK/LUK_002_Verse_049.mp3,Yesu tsi ɖe edzi le nunya kple tsitsi kple amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ me. data/train/LUK/LUK_010_Verse_017.mp3,"Ke Marta ya tsi dzodzodzoe nɔ nu ɖam na Yesu. Sẽe la, Marta te ɖe Yesu ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ mèkpɔe be medze be nɔvinye nanɔ anyi ɖe afi sia, eye nye ɖeka manɔ dɔawo katã wɔm oa? Gblɔ nɛ be neva kpe ɖe ŋunye.”" data/train/LUK/LUK_002_Verse_030.mp3,"Kasia mawudɔla aɖe va do ɖe wo dome kpoyii, eye teƒe si wotsi tsitre ɖo la klẽ kple Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe, eye wovɔ̃ ŋutɔ," data/train/LUK/LUK_019_Verse_013.mp3,"Elabena ŋkeke aɖe gbɔna, eye wò futɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, axaxa wò le goawo katã dzi," data/train/LUK/LUK_002_Verse_018.mp3,"Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele nɛ be wòayi Betlehem le Yudea, afi si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze mɔ tso Nazaret si le Galilea la me." data/train/LUK/LUK_004_Verse_010.mp3,"Esi wòxlẽ nya siawo vɔ la, etu agbalẽa, tsɔe na dɔla la, eye eya ŋutɔ yi ɖanɔ anyi. Ke ame siwo katã nɔ ƒuƒoƒea la fɔ ŋku ɖe edzi gãa." data/train/LUK/LUK_022_Verse_022.mp3,Ele be Amegbetɔ Vi la naku abe ale si Mawu ɖoe ene. Gake baba na ame si adee asi!” data/train/LUK/LUK_021_Verse_005.mp3,"Azɔ edo lo sia na wo be, “Mikpɔ aŋutiti kple ati bubuawo katã ɖa," data/train/LUK/LUK_002_Verse_042.mp3,"“Woakafu Mawu si le dziƒo ʋĩi, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; anɔ anyi kple ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.”" data/train/LUK/LUK_022_Verse_029.mp3,"Eyi edzi be, “Azɔ la, mitsɔ mɔzɔkotoku nenye be ɖe le mia si. Mitsɔ ga hã ɖe asi, eye ne yi mele mia dometɔ aɖe si o la, nedzra eƒe awuwo wòatsɔ ga la aƒle ɖee." data/train/LUK/LUK_007_Verse_001.mp3,"Ame siwo nɔ kplɔ̃a ŋu kplii la gblɔ na wo nɔewo be, “Ame kae nye esia, si tsɔa nu vɔ̃wo hã kena mahã?”" data/train/LUK/LUK_005_Verse_019.mp3,"Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam la, Farisitɔwo kple sefialawo va teƒea va nɔ to ɖomii. Ame siawo tso du siwo katã le Galilea, Yudea kple Yerusalem la me. Aƒetɔ la ƒe dɔyɔŋusẽ va edzi be wòada gbe le wo ŋu." data/train/LUK/LUK_014_Verse_023.mp3,"“Ne ame aɖe be yeanɔ yonyeme la, ele be wòabu eŋuti kpɔ nyuie hafi. Ame kae aɖo be yeatu xɔ ke mawɔ akɔnta tso ga home si wòagblẽ la ŋu, eye wòakpɔe ɖa be ga si le ye si la ade xɔa tutu nu o mahã?" data/train/LUK/LUK_006_Verse_032.mp3,"Miyra ame siwo ƒo fi de mi la, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo wɔa fu mi la ta." data/train/LUK/LUK_008_Verse_044.mp3,"Nya sia ɖi kokoe na ameawo, elabena wonya nyuie be ɖevia ku." data/train/LUK/LUK_007_Verse_002.mp3,Ameawo yi Yesu gbɔ heɖe kuku nɛ vevie be wòava kpe ɖe aʋafia la ŋu. Wona wònya be aʋafia sia nye ame nyui aɖe ŋutɔ. data/train/LUK/LUK_009_Verse_022.mp3,"Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” (Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.)" data/train/LUK/LUK_024_Verse_010.mp3,"Esi wonɔ dzea ɖom nɔ nu siawo me dzrom kple wo nɔewo la, Yesu ŋutɔ va tu wo, eye wòde asi zɔzɔme kpli wo." data/train/LUK/LUK_022_Verse_033.mp3,"Gake mele be wòanɔ nenema le mia dome o, ame si di be yeanye miaƒe amegã la, newɔ eɖokui subɔlae." data/train/LUK/LUK_011_Verse_006.mp3,"Azɔ ne mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Mawu ƒe ŋusẽ la, ekema efia be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome." data/train/LUK/LUK_004_Verse_015.mp3,eye maɖe gbeƒã Aƒetɔ la ƒe ƒe nyui la.” data/train/LUK/LUK_024_Verse_018.mp3,"gake womekpɔ eƒe ŋutilã kukua o. Wotrɔ gbɔ va gblɔ na mí be yewokpɔ ŋutega, eye yewokpɔ mawudɔlawo le ŋutega la me wogblɔ na yewo be ele agbe." data/train/LUK/LUK_024_Verse_005.mp3,"Dzika tso ameawo katã ƒo, eye wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ, elabena wobu be ŋɔli kpɔm yewole." data/train/LUK/LUK_019_Verse_042.mp3,"“Togbɔ be ele alea hã la, woɖoe fiae eye wòtrɔ gbɔ va aƒe. Tete wòdɔ be woayɔ yeƒe subɔla siwo wòtsɔ ga na la be yeakpɔe ɖa be wowɔ ga la ŋu dɔ kpɔ viɖe aɖe mahã." data/train/LUK/LUK_022_Verse_044.mp3,"Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Migawɔ avu kpli wo o, miɖe asi le wo ŋu ko.” Ale wòka asi afi si subɔvia ƒe to la nɔ ŋu, eye toa gaɖo eteƒe abe tsã ene." data/train/LUK/LUK_001_Verse_069.mp3,"Nya sia kaka ɖo eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo dome kaba, ame sia ame se ale si Aƒetɔ la nyo dɔ me na Elizabet, eye wo katã wokpɔ dzidzɔ." data/train/LUK/LUK_011_Verse_012.mp3,"“Babaa na mi. Ɖeko miele abe yɔdo siwo dzi gbe vu tsyɔ̃ ene. Amewo va toa mia dzi, eye womenyaa nu dziŋɔ si dzi zɔm wole o.”" data/train/LUK/LUK_024_Verse_053.mp3,Ŋutsu eve siwo tso Emaus la hã gblɔ ale si wodo go Yesu le Emaus mɔ dzi eye wòzɔ kpli wo va ɖo Emaus kple ale si wokpɔe dze sii to aboloŋeŋe me na wo. data/train/LUK/LUK_007_Verse_022.mp3,"Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo." data/train/LUK/LUK_011_Verse_047.mp3,"tsɔ mìaƒe nu vɔ̃wo ke mí le, esi míetsɔ ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la tɔwo ke wo ta, eye mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o.’ ”" data/train/LUK/LUK_007_Verse_035.mp3,nyɔnu nu vɔ̃ wɔla aɖe si le dua me la se be Yesu nɔ nu ɖum le Farisitɔ la ƒe aƒe me. Eyi ɖatsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe ɖe asi. data/train/LUK/LUK_004_Verse_007.mp3,"Elabena woŋlɔ ɖi be, “ ‘Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò be woakpɔ tawò nyuie" data/train/LUK/LUK_021_Verse_021.mp3,"Gake le nyateƒe me la, miaƒe taɖa ɖeka pɛ hã matsrɔ̃ o." data/train/LUK/LUK_022_Verse_019.mp3,"Elabena medi be mianya fifia be nyemagaɖui akpɔ o, va se ɖe esime woɖe nu si tututu wònye la ɖe go le mawufiaɖuƒea me.”" data/train/LUK/LUK_012_Verse_028.mp3,"Ke mele egblɔm na mi xɔ̃nyewo be, “Migavɔ̃ na ame siwo di be yewoawu mi o. Ŋutilã la koe woate ŋu awu, ke womekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe luʋɔwo ya dzi o." data/train/LUK/LUK_013_Verse_002.mp3,"Ame aɖe va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ame ʋɛ aɖewo koe le ɖeɖe kpɔ gea?” Eɖo eŋu na wo be," data/train/LUK/LUK_012_Verse_003.mp3,Ame sia ame anɔ klalo na eƒe vava nenye be wònya ga si me wòle vava ge. Ɖeko wòle abe ale si ame nanɔ ŋudzɔ na fiafitɔ ƒe vava nenye be enya ga si me tututu wòle vava ge ene. data/train/LUK/LUK_020_Verse_017.mp3,"Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake elabena wonya be yewo ŋutie wòdo loa ɖo, gake wovɔ̃ ameha la." data/train/LUK/LUK_007_Verse_005.mp3,"Ekema nu ka miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ɛ̃, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã." data/train/LUK/LUK_001_Verse_031.mp3,"Ewɔ nu dzɔtsuwo kple eƒe alɔ, eye wòkaka ame siwo dana le woƒe tamesusuwo me." data/train/LUK/LUK_014_Verse_025.mp3,"Ne mewɔ nenema o, wòɖo xɔa ƒe gɔmeɖokpewo anyi, eye mete ŋu tui wu enu o la, ame siwo katã kpɔe la ade asi fewuɖuɖu le eŋu me." data/train/LUK/LUK_001_Verse_005.mp3,"Ame sia ame si se nya sia la bua ta me le eŋu ɣeyiɣi didi aɖe, eye wòbiaa eɖokui be, “Ame ka ƒomevi ɖevi sia atsi ava zu? Elabena le nyateƒe me la, Aƒetɔ la ƒe asi le edzi le mɔ tɔxɛ aɖe nu.”" data/train/LUK/LUK_001_Verse_065.mp3,"Mi ame eve la miakpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe le edzidzi ta, eye ame geɖewo hã atso aseye kpli mi," data/train/LUK/LUK_002_Verse_023.mp3,"Eyae nye kekeli kple nyaɖeɖefia na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wòanye ŋutikɔkɔe na Israel wò dukɔ hã!”" data/train/LUK/LUK_004_Verse_042.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abe ale si woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea mee ene la, Mawu ɖeka hɔ̃ɔ ko wòle be míasubɔ.”" data/train/LUK/LUK_007_Verse_045.mp3,"Yesu te ɖe amekukuɖaka la ŋu, eye wotɔ asii, enumake ame siwo tsɔ aɖaka la tɔ ɖe tsitre. Azɔ egblɔ na ame kukua be, “Ɖekakpui, tsi tsitre.”" data/train/LUK/LUK_014_Verse_009.mp3,"Azɔ etrɔ ɖe ame si kpee ɖe kplɔ̃ ŋu la gbɔ gblɔ nɛ be, “Ne èɖo kplɔ̃ la, mègakpe xɔ̃wòwo, nɔviwòwo kple wò ƒometɔwo kple kesinɔtɔwo o. Elabena woawo hã ava kpe wò ɖe kplɔ̃ ŋu emegbe." data/train/LUK/LUK_019_Verse_025.mp3,"Eƒe aƒetɔ gblɔ nɛ be, ‘Esia hã nyo! Matsɔ du atɔ̃ ade wò dzikpɔkpɔ te.’" data/train/LUK/LUK_016_Verse_027.mp3,"Ne amewo mekana ɖe mia dzi ɣe aɖeke ɣi le xexemekesinɔnuwo ŋuti o la, ame kae atsɔ dziƒo nu xɔasi vavãwo ade mia si?" data/train/LUK/LUK_006_Verse_010.mp3,"Babaa na mi ame siwo ƒe ƒodo yɔ, elabena dɔwuame sesẽ aɖe le ŋgɔ na wo gbɔna." data/train/LUK/LUK_012_Verse_058.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋutsu, ame kae ɖom miaƒe ʋɔnudrɔ̃lae be matso nya sia ƒomevi me?”" data/train/LUK/LUK_009_Verse_060.mp3,"Ɖewo hã nɔ gbɔgblɔm be, “Eliya ɖe eɖokui fia.” Ame bubuwo hã be, “Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae fɔ tso ame kukuwo dome.”" data/train/LUK/LUK_015_Verse_005.mp3,"Elabena vinye sia ku, eye wògagbɔ agbe. Ebu, eye megakpɔe.’ Kplɔ̃ɖoɖoa kple dzidzɔkpɔkpɔ dze egɔme enumake." data/train/LUK/LUK_013_Verse_016.mp3,"Gbeɖe, mele eme nenema o! Miawo hã minya be yewoatsrɔ̃ alea ke nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o." data/train/LUK/LUK_016_Verse_016.mp3,"“Gake Abraham gblɔ nɛ be, ‘Ŋutsu, ɖo ŋku edzi be le wò agbemeŋkekewo me la, èkpɔ nu sia nu si nèdi, ke naneke menɔ Lazaro ya si o. Ale le afi sia la, ekpɔ akɔfafa, ke wò ya èle vevesese me." data/train/LUK/LUK_023_Verse_042.mp3,"Mlɔeba la, Pilato wɔ ɖe woƒe didi dzi, eye wòtso kufia na Yesu." data/train/LUK/LUK_011_Verse_010.mp3,"“Baba na mi senyalawo, elabena mietsɔ nunya la ƒe safui dzoe. Esi miawo ŋutɔ miegbe nu le egbɔ ta la, miexea mɔ na ame bubuwo bena womakpɔ mɔ axɔ nyateƒe la dzi ase o.”" data/train/LUK/LUK_019_Verse_008.mp3,"“Bubume aɖe si nɔ nuto aɖe me le anyigba aɖe dzi la xɔ du be wòava anyigba la ƒe du gãtɔ me, ale be woatsɔe aɖo fiae ɖe eƒe nutometɔwo nu." data/train/LUK/LUK_023_Verse_014.mp3,"Esi ameha la kplɔ Yesu yina wuwu ge la, wodo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn, ame si nye Kirenetɔ la wòtso agbleta gbɔna Yerusalem. Ale wozi edzi be wòatsɔ Yesu ƒe atitsoga la kplii." data/train/LUK/LUK_022_Verse_058.mp3,"Simɔn ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, mele klalo be mayi gaxɔ me kpli wò, eye maku kpli wò gɔ̃ hã.”" data/train/LUK/LUK_023_Verse_023.mp3,"eye wògblɔ na wo be, “Togbɔ be miekplɔ ame sia vɛ be egblẽ to na ame geɖewo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu hã la, meku miaƒe nutsotsoa gɔme tsitotsito, ke mekpɔe dze sii kɔtɛe be ame sia medze agɔ aɖeke o." data/train/LUK/LUK_009_Verse_030.mp3,"Gake Yesu trɔ ɖe wo gbɔ, eye wògbe nya na wo." data/train/LUK/LUK_005_Verse_037.mp3,"Yesu nya nu si ŋu bum wonɔ, eya ta eɖo ŋu na wo be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea?" data/train/LUK/LUK_010_Verse_027.mp3,‘Míeʋuʋu miaƒe du ƒe ke si lé ɖe afɔwo ŋuti na mí ɖi abe ɖaseɖiɖi ene. Ke minya nyuie be: mawufiaɖuƒe la gogo.’ data/train/LUK/LUK_011_Verse_037.mp3,"“Mitsɔe be ame si le xɔ me la ɖo eŋu be, ‘Mègaɖe fu nam o. Míedo ʋɔa xoxo, eye nye kple vinyewo míemlɔ anyi. Nyemate ŋu afɔ ava na naneke wò o.’" data/train/LUK/LUK_015_Verse_030.mp3,"“Ɖevia gblɔ na fofoa be, ‘Fofo, meɖe kuku mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋuwò, eye nyemegadze be manye viwò o.’" data/train/LUK/LUK_022_Verse_009.mp3,"Azɔ etsɔ wainkplu ɖeka, eye esi wòda akpe ɖe eta vɔ la, egblɔ na wo be, “Mixɔe, eye ame sia ame nanoe." data/train/LUK/LUK_012_Verse_021.mp3,"Gake nenye be dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me be, ‘Nye aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ.’ Eya ta wòde asi ame siwo wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la ƒoƒo me, eye wòle aha mum la," data/train/LUK/LUK_023_Verse_055.mp3,Ŋutsu sia yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua. data/train/LUK/LUK_023_Verse_004.mp3,"Ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo, eye nyɔnu geɖewo nɔ avi fam ɖe eŋu le wo dome." data/train/LUK/LUK_019_Verse_014.mp3,"Esi wònɔ yiyim la, amewo tsɔ woƒe avɔwo keke ɖe mɔƒome nɛ." data/train/LUK/LUK_022_Verse_052.mp3,"Miawoe nye ame siwo do dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me," data/train/LUK/LUK_001_Verse_068.mp3,"ne wòakpɔ nublanui na mía fofowo, eye wòaɖo ŋku eƒe nubabla kɔkɔe," data/train/LUK/LUK_013_Verse_014.mp3,"Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo. Mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o, va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’ ”" data/train/LUK/LUK_007_Verse_042.mp3,"Yesu gblɔ na nyɔnu la azɔ be, “Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”" data/train/LUK/LUK_010_Verse_001.mp3,"Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃la wuieveawo ŋu, eye wògblɔ na wo dzaa be, “Woayra ŋku siwo le nu siwo kpɔm miele la kpɔm." data/train/LUK/LUK_020_Verse_042.mp3,"Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”" data/train/LUK/LUK_001_Verse_076.mp3,"Zekaria nɔ kɔkɔeƒe la, kasia mawudɔla aɖe va do ɖe edzi zi ɖeka, eye wònɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la ƒe nuɖusime." data/train/LUK/LUK_010_Verse_019.mp3,"Le nyateƒe me la, tohehe si woana Tiro kple Sidon la anɔ wodzoe wu esi woana mi le ʋɔnudrɔ̃gbe la." data/train/LUK/LUK_016_Verse_003.mp3,"“Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o. Agbe nu le ɖeka gbɔ, eye wòatsɔ lɔlɔ̃ na evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple ga o.”" data/train/LUK/LUK_021_Verse_004.mp3,"Azɔ ame siwo nye miawo ŋutɔ ŋutimewo, abe mia dzilawo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo kple xɔlɔ̃ veviwo ene la ade mi asi, eye woana woava lé mi, eye woawu mia dometɔ aɖewo gɔ̃ hã." data/train/LUK/LUK_021_Verse_037.mp3,Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo nɔ nu ƒom le atsyɔ̃ gã si woɖo na gbedoxɔ la kple kpe nyuiwo ŋuti. Wokpɔ ŋudzedze le akpedanunana vovovo siwo ŋuti wokɔ hetsi wo ɖe gliawo ŋu la ŋu ŋutɔ. data/train/LUK/LUK_015_Verse_009.mp3,Eya ta eɖe kuku na agbledela aɖe be wòaxɔ ye yeanɔ eƒe hawo dzi kpɔm nɛ. data/train/LUK/LUK_020_Verse_037.mp3,"va Yesu gbɔ kple nya sia be, “Mose ƒe se gblɔ be nenye be ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, gake wo kple srɔ̃a medzi vi hafi wòku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia, eye vi si woadzi la anye ame si ku la tɔ." data/train/LUK/LUK_007_Verse_038.mp3,"Wo dometɔ aɖeke mete ŋu xe fea o, ale wòtsɔ ga la ke wo ame evea. Ame kae nèbu be alɔ̃ gadola sia ƒe nya gbɔ wu?”" data/train/LUK/LUK_014_Verse_002.mp3,"“Alo fia kae atso kpla ko ayi aʋa, ke mayɔ eƒe aɖaŋudelawo be woawɔ akɔnta le futɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu, akpɔe ɖa be yeƒe asrafo akpe ewo ate ŋu aɖu futɔwo tɔ akpe blaeve dzi hã o?" data/train/LUK/LUK_015_Verse_024.mp3,"Ne èɖo aƒe la, àyɔ wò aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo be woava kpɔ dzidzɔ kple ye, elabena èkpɔ wò alẽ si bu la." data/train/LUK/LUK_014_Verse_018.mp3,"“Gake ame sia ame de asi taflatsedodo me esi subɔvi la yi. Ame ɖeka do taflatse be yeƒle anyigba aɖe eye yedi be yeayi aɖalé ŋku ɖe eme, eya ta yemate ŋu ava o." data/train/LUK/LUK_001_Verse_007.mp3,"Amewo do ɣli be, “Nu ka? Ame aɖeke mele wò ƒome blibo la me si woyɔna nenema o.”" data/train/LUK/LUK_020_Verse_036.mp3,va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinu.” ’ data/train/LUK/LUK_005_Verse_030.mp3,"Nenema kee nye Yakobo kple Yohanes ame siwo nye Zebedeo viwo, eye woganye Simɔn ƒe dɔwɔhatiwo hã. Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Tso azɔ dzi heyina la, miazu amewo ɖelawo!”" data/train/LUK/LUK_024_Verse_039.mp3,"Nyɔnuawo vɔ̃ ale gbegbe be wodze klo de mo to ɖe ameawo ŋkume. Ŋutsuawo bia wo be, “Nu ka ta mieva le ame gbagbe dim le ame kukuwo dome?" data/train/LUK/LUK_007_Verse_006.mp3,"Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii’, eye woyina, ‘Miva afii’, eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ’, eye wòwɔnɛ.”" data/train/LUK/LUK_021_Verse_027.mp3,"ne woto aŋgbawo la, miakpɔe adze sii le mia ɖokui si be dzomeŋɔli le ɖoɖom.”" data/train/LUK/LUK_016_Verse_031.mp3,"Ŋutsu dahe aɖe si ŋkɔe nye Lazaro, ame si ƒe ŋuti yɔ fũu kple abiwo, eye wònye nubiala la va mlɔa kesinɔtɔ sia ƒe agbo nu." data/train/LUK/LUK_020_Verse_039.mp3,"Wogblɔ nɛ be, “Gblɔe na mí, ŋusẽ kae nètsɔ wɔ esiawoe? Alo ame kae na ŋusẽ sia wò?”" data/train/LUK/LUK_018_Verse_008.mp3,"Azɔ Yesu yɔ nusrɔ̃la wuieveawo va eɖokui gbɔ, gblɔ na wo be, “Abe ale si mienyae ene la, míeyina Yerusalem. Ne míeɖo afi ma la, nyagblɔɖi siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi tso Amegbetɔ Vi la ŋu la le eme va ge." data/train/MAT/MAT_006_Verse_004.mp3,“Ekema nu ka ŋuti mietsia dzi ɖe nutata ŋu ɖo? Mikpɔ ale si dzogbenyawo le gbedzi tsinae ɖa. Womewɔa dɔ alo trea ɖeti o. data/train/MAT/MAT_025_Verse_004.mp3,"“Ame dzɔdzɔewo abia be, ‘Aƒetɔ, ɣe ka ɣi míekpɔ wò dɔ nɔ wuwòm, eye míena nuɖuɖu wò? Alo tsikɔ nɔ wuwòm, eye míena tsi wò nèno kpɔ?" data/train/MAT/MAT_006_Verse_013.mp3,"Ke mele egblɔm na mi be Solomo, ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o." data/train/MAT/MAT_003_Verse_015.mp3,Miɖee fia to miaƒe agbe nyui nɔnɔ me be mietrɔ dzi me vavã. data/train/MAT/MAT_005_Verse_005.mp3,"Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo fa tu, miawoe anyi anyigba la ƒe dome." data/train/MAT/MAT_022_Verse_009.mp3,"Esi fia la ŋutɔ va do be yeado gbe na ame kpekpeawo la, ekpɔ ame ɖeka le wo dome si medo srɔ̃ɖewu si wotsɔ nɛ be wòado la o." data/train/MAT/MAT_013_Verse_012.mp3,"Anyigba si dzi yɔ kple ŋuve lae nye ame si sea mawunya la, gake dzitsitsi ɖe xexemenuwo kple kesinɔnuwo ŋu hea eƒe susu ɖa tso mawunya la gbɔ, eya ta metsea ku aɖeke na Mawu o." data/train/MAT/MAT_013_Verse_017.mp3,"Egblɔ na wo be, “Enyo, maɖe egɔme na mi. Nyee nye agbledela si ƒã bli ɖe nye agble me la." data/train/MAT/MAT_016_Verse_027.mp3,"Yesu trɔ ɖe Petro ŋuti gblɔ nɛ be, “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Ènye nukikli le mɔ me nam, elabena Mawu me nuwo mele susu me na wò o, negbe amegbetɔwo tɔ ko. Èle mɔ vɔ̃ɖi aɖe trem nam. Èle nya sia gblɔm le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu, ke menye le ale si Mawu ɖoe la nu o.”" data/train/MAT/MAT_026_Verse_049.mp3,"Le nuwuwu la, ame eve va gblɔ be, “Ame sia gblɔ be, ‘mate ŋu agbã Mawu ƒe gbedoxɔ sia agatui le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ”" data/train/MAT/MAT_018_Verse_034.mp3,"Ŋutsu nublanuitɔ sia xɔlɔ̃ aɖe kpɔ nu si dzɔ la, eye wòyi ɖagblɔ nya la na fia la." data/train/MAT/MAT_012_Verse_012.mp3,"Esia wu Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya si wògblɔ ɖi tso eŋuti la nu be," data/train/MAT/MAT_006_Verse_014.mp3,"Ke midi Mawu ƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbã, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi." data/train/MAT/MAT_025_Verse_027.mp3,"eye gbe ka gbee míetsɔ awu na wò nèdo kpɔ? Ɣe ka ɣi wode wò gaxɔ me alo nedze dɔ, eye míeva kpɔ wò ɖa?’" data/train/MAT/MAT_014_Verse_029.mp3,"tsɔ de agba me tsɔ vɛ na nyɔnuvi la, eye wòkɔe yi na dadaa." data/train/MAT/MAT_027_Verse_053.mp3,"Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo tsɔ nya geɖewo wɔ nutsotsoe ɖe Yesu ŋuti, gake ezi ɖoɖoe kpoo. Meɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu o." data/train/MAT/MAT_024_Verse_051.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Minɔ ŋudzɔ, be ame aɖeke nagaflu mi o," data/train/MAT/MAT_013_Verse_019.mp3,"Elabena ame siawo ƒe dziwo ku atri; woƒe towo hã mesea nu o, eye womiã woƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, woakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, ase nu kple woƒe towo, ase nu gɔme kple woƒe dziwo, woatrɔ ɖe ŋunye eye mayɔ dɔ wo.’" data/train/MAT/MAT_025_Verse_019.mp3,"elabena ame si wɔ nu si wotsɔ nɛ ŋu dɔ nyuie la, woagatsɔ nu geɖe akpee nɛ, be nu nasɔ gbɔ ɖe esi fũu. Ke ame si meɖia anukware o la, woaxɔ nu suetɔ kekeake si le esi la hã le esi." data/train/MAT/MAT_002_Verse_008.mp3,"Esi wose fia la ƒe nya la, wogayi woƒe mɔzɔzɔ dzi, eye ɣletivi si wokpɔ le ɣedzeƒe la gadze wo ŋgɔ heyi ɖatɔ ɖe aƒe si me ɖevi la le la tame." data/train/MAT/MAT_026_Verse_047.mp3,"Ke Yesu meke nu o. Nunɔlagã la yi edzi gblɔ nɛ be, “Meta Mawu gbagbe la, nenye wòe nye Kristo, Mawu ƒe Vi la la, ekema gblɔe mise fifia.”" data/train/MAT/MAT_011_Verse_015.mp3,"Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na Sidon kple Tiro le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu mi!" data/train/MAT/MAT_026_Verse_034.mp3,"Gake ne mefɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea, afi si mado go mi le.”" data/train/MAT/MAT_018_Verse_001.mp3,Amegbetɔ Vi la va be yeaɖe ame siwo bu la. data/train/MAT/MAT_001_Verse_020.mp3,"Yesu Kristo dzidzi va yi ale: Wodo Maria, Yesu dada ŋugbe na Yosef be wòaɖe, gake hafi woava kpe la, wokpɔ be Maria fɔ fu to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me." data/train/MAT/MAT_025_Verse_024.mp3,"“Etsɔ sidi akpe atɔ̃ na ame gbãtɔ, tsɔ sidi akpe eve na ame evelia, eye wòtsɔ sidi akpe ɖeka na ame etɔ̃lia. Ema ga la na wo ɖe woƒe ŋutete nu, eye le esia megbe la edzo yi mɔa dzi." data/train/MAT/MAT_026_Verse_058.mp3,"Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe eye yewoatso kufia nɛ," data/train/MAT/MAT_025_Verse_025.mp3,"Eva dzɔ be ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi megbe, ale alɔ̃ de asi ɖetugbiawo tsɔtsɔ me, eye womlɔ anyi dɔ alɔ̃." data/train/MAT/MAT_012_Verse_007.mp3,"elabena abe ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃." data/train/MAT/MAT_007_Verse_009.mp3,"Elabena ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi." data/train/MAT/MAT_026_Verse_075.mp3,"Yuda ɖo dzesi ɖi na wo eye wògblɔ na wo do ŋgɔ be ame si dim wole lae nye ame si yeado gbe na, eye yeagbugbɔ nu na la." data/train/MAT/MAT_012_Verse_035.mp3,"Mi, da ƒe dzidzimeviwo! Aleke mi ame vɔ̃ɖi siawo miate ŋu agblɔ nya nyui aɖee? Elabena nya sia nya si ame gblɔna la tso eƒe dzi me." data/train/MAT/MAT_013_Verse_052.mp3,"Togbɔ be enye atiku suetɔ wu le atikuwo dome hã la, ne etsi la, ezua ati gã si ƒoa atiwo katã ta, eye xeviwo va wɔa atɔ ɖe alɔawo me hekpɔa gbɔdzɔe.”" data/train/MAT/MAT_022_Verse_018.mp3,"eye wo dometɔ ɖeka, ame si nye sefiala gã aɖe la tee kpɔ hebiae be," data/train/MAT/MAT_002_Verse_001.mp3,"Ale wowu nya si wogblɔ ɖi to Nyagblɔɖila Yeremia dzi la nu be," data/train/MAT/MAT_009_Verse_005.mp3,"Enumake woƒe ŋkuwo ʋu, eye wode asi nukpɔkpɔ me nyuie. Yesu de se na wo vevie bena, womegagblɔ nu si yewɔ na wo la na ame aɖeke o." data/train/MAT/MAT_012_Verse_002.mp3,"Azɔ edo esi ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ gblɔ be, “Mikpɔ ame siawo ɖa! Woawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo.”" data/train/MAT/MAT_019_Verse_026.mp3,"Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nenye be wòle alea la, anyo wu be ŋutsu maɖe srɔ̃ o.”" data/train/MAT/MAT_018_Verse_002.mp3,"Azɔ egblɔ na wo be, “Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe metsri nu vɔ̃, eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la, mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o," data/train/MAT/MAT_011_Verse_026.mp3,"“Wòe nye ame si gbɔna loo, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubu aɖea?”" data/train/MAT/MAT_025_Verse_015.mp3,"“Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, ‘Dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔe nènye; esi nènya be ame sesẽe menye, eye meŋea nu le afi si nyemeƒã nu ɖo o, eye meƒoa nu ƒu le afi si nyemewu nu ɖo o, eye esi nènya hã be mele viɖe bia ge ɖe ga la dzi la," data/train/MAT/MAT_026_Verse_040.mp3,"Ke ne mewɔ nenema ɖe, aleke nya siwo woŋlɔ da ɖi le mawunya me siwo le dzɔdzɔm fifia hã la awɔ hafi ava eme?”" data/train/MAT/MAT_005_Verse_011.mp3,"Dzi nedzɔ mi nenye be amewo dzu mi, ti mia yome, da alakpa ɖe mia si hegblɔ nya vɔ̃ bubuwo ɖe mia ŋuti le tanye." data/train/MAT/MAT_027_Verse_029.mp3,"Eya ta woyɔa ameɖiƒe sia be, “Ʋubɔ” va se ɖe egbe." data/train/MAT/MAT_004_Verse_003.mp3,"Egblɔ nɛ be, “Matsɔ nu siawo katã na wò nenye be nèdze klo de ta agu nam ko.”" data/train/MAT/MAT_017_Verse_004.mp3,"Esi wònɔ nya sia gblɔm la, lilikpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi, eye gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si dzea ŋunye. Miɖo toe.”" data/train/MAT/MAT_009_Verse_032.mp3,"Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ame la me, eye wòde asi nuƒoƒo me enumake. Nu sia wɔ nuku na ameha la ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, yewomekpɔ esia tɔgbi kpɔ le Israel o." data/train/MAT/MAT_015_Verse_026.mp3,"Viɖe aɖeke mele woƒe subɔsubɔ ŋuti o, elabena wofiaa woawo ŋutɔ ƒe se siwo wowɔ la, eye woɖe asi le Mawu ƒe sewo ŋuti.’ ”" data/train/MAT/MAT_019_Verse_012.mp3,"Farisitɔ aɖewo va egbɔ be yewoadoe kpɔ. Wobiae be, “Ele se nu be ŋutsu nagbe srɔ̃a le susu ɖe sia ɖe ta?”" data/train/MAT/MAT_010_Verse_008.mp3,ke boŋ miyi Israelvi siwo nye Mawu ƒe alẽ bubuwo la ko gbɔ. data/train/MAT/MAT_021_Verse_012.mp3,"“Esi nuŋeɣi ɖo la, eɖo dɔlawo ɖe agblea dzi kpɔlawo gbɔ be woaxɔ yeƒe viɖe vɛ na ye." data/train/MAT/MAT_012_Verse_022.mp3,Ke exlɔ̃ nu wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye la o. data/train/MAT/MAT_023_Verse_024.mp3,"Miawo hã, nenema kee miedze le gota le amewo gbɔ abe ame dzɔdzɔewo ene, gake mia me yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi." data/train/MAT/MAT_023_Verse_017.mp3,"Ke ame si nye amegã le mia dome la, netsɔ eɖokui wɔ subɔlae boŋ." data/train/MAT/MAT_006_Verse_007.mp3,"Elabena trɔ̃subɔlawo tia nenem nu siawo katã yome, ke mia Fofo si le dziƒo la nya miaƒe hiahiãwo katã." data/train/MAT/MAT_013_Verse_056.mp3,"Ɖe menye eyae nye atikpala la ƒe viŋutsu oa? Ɖe menye dadaa ŋkɔe nye Maria, eye nɔvia ŋutsuwoe nye Yakobo, Yosef, Simɔn kple Yuda oa?" data/train/MAT/MAT_014_Verse_021.mp3,"Ke esi wònye kɔ kpɔ ale si ƒutsotsoeawo nɔ nyanyram la, vɔvɔ̃ ɖoe, eye wode asi toyiyi me. Ale wòdo ɣli sesĩe be, “Aƒetɔ, ɖem!”" data/train/MAT/MAT_026_Verse_068.mp3,"Yesu nya nu si bum nusrɔ̃lawo le, ale wògblɔ na wo be, “Migaɖe ɖeklemi kple nyɔnu la o, elabena nu nyui wònye wòwɔ nam." data/train/MAT/MAT_016_Verse_016.mp3,Nusrɔ̃lawo bu be nuɖuɖu si yewometsɔ ɖe asi o la tae wògblɔ nya siawo ɖo. data/train/MAT/MAT_009_Verse_037.mp3,"Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo nɔ afi ma se nya siwo do le Yesu nu la, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya.”" data/train/MAT/MAT_025_Verse_000.mp3,"Abunɛtɔwo tsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe akaɖiawo ŋu o." data/train/MAT/MAT_013_Verse_014.mp3,"Azɔ egblẽ ameha la ɖe kpɔa godo, eye wòge ɖe aƒea me. Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ be, “Ɖe lo si nèdo tso bligble kple gbeku vɔ̃wo ŋuti la gɔme na mí.”" data/train/MAT/MAT_020_Verse_023.mp3,"Nyemedi be nenem nu sia nanɔ miawo hã dome o. Ame si le mia dome si di be yeanye mia nunɔla la, eyae wòle be wòanye miaƒe subɔla," data/train/MAT/MAT_012_Verse_028.mp3,"Le nyateƒe me la, ame aɖe le afi sia si de ŋgɔ boo wu gbedoxɔ sia!" data/train/MAT/MAT_012_Verse_031.mp3,"Mawunya aɖe gblɔ be, ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele tso mia gbɔ, ke menye miaƒe vɔsawo o.’ Ne ɖe miese mawunya sia gɔme la, anye ne miahe nya ɖe ame siwo medze agɔ o la ŋu o," data/train/MAT/MAT_018_Verse_016.mp3,"“Ke esi dɔla sia do go yina la, edo go ehavi dɔla bubu, ame si nyi sidi alafa aɖewo ko ƒe fe le esi. Eti kpo dze edzi helé awu ɖe vɛ nɛ, eye wòbia tso esi be, ‘Xe fe si nènyi le asinye la nam!’" data/train/MAT/MAT_016_Verse_012.mp3,"Ke Yesu ya nya nu si ŋuti bum wole ale wògblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka ta miele nu xam be yewometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o ɖo?" data/train/MAT/MAT_019_Verse_015.mp3,"Ke esi nusrɔ̃lawo se nya sia la, woƒe nu ku, eye wobia be, “Ke ame ka gɔ̃ ate ŋu akpɔ ɖeɖe le xexe sia me?”" data/train/MAT/MAT_007_Verse_008.mp3,"elabena ale si nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubuwoe la, nenema tututue woadrɔ̃ ʋɔnu wò hãe, eye dzidzenu si ŋu dɔ nèwɔ la, dzidzenu ma ke ŋu dɔ woawɔ atsɔ adzidze nu na wò hã." data/train/MAT/MAT_027_Verse_025.mp3,"Esia megbe la, wonɔ anyi ɖe afi ma henɔ eŋu dzɔm." data/train/MAT/MAT_012_Verse_042.mp3,"Nenye be Satana gale Satana nyam le amewo me la, ekema eya hã tsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu. Aleke eƒe fiaɖuƒe la anɔ te mahã?" data/train/MAT/MAT_027_Verse_033.mp3,eye wòkɔe mlɔ yɔdo si eya ŋutɔ ɖe ɖe agakpewo dome la me hemli kpe gã aɖe tu ɖe yɔdo la nu. data/train/MAT/MAT_010_Verse_002.mp3,Ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo.’ data/train/MAT/MAT_027_Verse_030.mp3,"Eye kpɔ ɖa, xɔmetsovɔ si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe le gbedoxɔ me la ma ɖe eve enumake tso tame va se ɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu kpekpekpe; agakpe gãwo hã gbã," data/train/MAT/MAT_014_Verse_031.mp3,"Yesu do asi ɖa enumake, eye wòhee ɖe go. Azɔ egblɔ nɛ be, “O, wò xɔse ʋɛ tɔ, nu ka ta nèke ɖi mahã?”" data/train/MAT/MAT_013_Verse_039.mp3,"Ke woayra miaƒe ŋkuwo, elabena wokpɔa nu kple miaƒe towo hã elabena wosea nu." data/train/MAT/MAT_028_Verse_014.mp3,"“Migblɔ be, ‘Eƒe nusrɔ̃lawo va le zã me, eye wofi eƒe kukua dzoe esime míenɔ alɔ̃ dɔm.’ ”" data/train/MAT/MAT_015_Verse_027.mp3,"Wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kakɛ siwo susɔ la ɖe kusi adre me woyɔ fũu." data/train/MAT/MAT_015_Verse_004.mp3,"Azɔ Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo be, “Ame gbogbo siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ. Ŋkeke etɔ̃e nye esia wole yonyeme, eye nuɖuɖu hã vɔ le wo si. Nyemedi be maɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii o, elabena ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi.”" data/train/MAT/MAT_014_Verse_005.mp3,"Anɔ abe fɔŋli ga ene me lɔƒo ene la, Yesu zɔ ƒua dzi yina wo gbɔ." data/train/MAT/MAT_023_Verse_015.mp3,"Farisitɔ ŋkuagbãtɔwo! Miklɔ kplu la kple nuɖugba la me gbã, ekema wo godo hã aɖi nyuie." data/train/MAT/MAT_013_Verse_045.mp3,"Madɔ nye dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame vɔ̃ɖiwo kple nuɖianuwo katã nu ƒu, aɖe wo ɖa le mawufiaɖuƒe la me;" data/train/MAT/MAT_014_Verse_033.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, zɔ va.” Ale Petro ɖi ɖe tsia me le ʋua xa, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ." data/train/MAT/MAT_023_Verse_004.mp3,"“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mienaa ahamɛ, sikɔni kple tsyo ƒe ewoliawo gɔ̃ hã, gake miegblẽ se la ƒe nu vevitɔ siwo nye afia nyui tsotso, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ la ɖi. Ele be miawɔ ɖe esiawo hã dzi, eye mele be miagbe ekemɛawo hã o." data/train/MAT/MAT_015_Verse_021.mp3,"Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le le dzogbe afi sia ana ame gbogbo siawo?”" data/train/MAT/MAT_021_Verse_020.mp3,"“Fofoa va ɖevitɔ hã gbɔ eye wògblɔ nɛ be wòawɔ nenema. Ɖevi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Papa mayi.’ Ke egbe meyi o." data/train/MAT/MAT_007_Verse_011.mp3,"Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, ameha la ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta," data/train/MAT/MAT_019_Verse_030.mp3,"Ɖekakpui la gblɔ nɛ be, “Mewɔa se siawo dzi tso nye ɖevime ke, ke nu kae gasusɔ mawɔ?”" data/train/MAT/MAT_005_Verse_028.mp3,"“Miawoe nye anyigba la ƒe dze. Ke ne miebu miaƒe dzenyenye ɖe, nu ka woagate ŋu awɔ kpli mi? Ŋudɔwɔnu aɖeke maganɔ mia ŋu o, ɖeko woatsɔ mi aƒu gbe, aɖo afɔ mia dzi." data/train/MAT/MAT_023_Verse_026.mp3,"Migana hã be woayɔ mi be kplɔlawo o, elabena Kplɔla ɖeka koe li na mi, eyae nye Kristo la." data/train/MAT/MAT_025_Verse_021.mp3,"elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum, tsikɔ wum, eye miena tsim, medze mi abe amedzro ene, eye miexɔm atuu ɖe miaƒe aƒewo me." data/train/MAT/MAT_018_Verse_013.mp3,"“Fia la yɔ ŋutsu vɔ̃ɖi si wòtsɔ fe kee la va egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, ‘Wò, dɔla vɔ̃ɖi tagbɔsesẽtɔ! Nye ya metsɔ fe gbogbo si nènyi le asinye la ke wò esi neɖe kuku nam." data/train/MAT/MAT_009_Verse_026.mp3,"Wonya ameha la do goe mlɔeba. Yesu yi afi si wokɔ ɖevi la mlɔe la, eye wòlé eƒe alɔnu. Nyɔnuvi la nyɔ enumake; eti kpo ɖi le aba la dzi, eye eƒe lãme sẽ." data/train/MAT/MAT_027_Verse_054.mp3,"Nunɔlagãwo va fɔ ga la le anyigba, eye wogblɔ be, “Míate ŋu atsɔ ga sia ade nudzɔɖaka la me o, elabena etsi tsitre ɖe míaƒe sewo ŋu be, míaxɔ ga si woxe ɖe ame aɖe ƒe ku ta la.”" data/train/MAT/MAT_028_Verse_007.mp3,"gake mele afi sia o, elabena etsi tsitre abe ale si wògblɔ da ɖi ene. Miva kpɔ afi si wokɔe mlɔ la ɖa." data/train/MAT/MAT_004_Verse_020.mp3,"Yesu gagblɔ nɛ be, “Woŋlɔ da ɖi hã be, mègate Aƒetɔ wò Mawu kpɔ o.”" data/train/MAT/MAT_014_Verse_035.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mehiã be woayi aɖaƒle nuɖuɖu o, miawo midi nuɖuɖu na wo woaɖu!”" data/train/MAT/MAT_015_Verse_028.mp3,"Wobiae be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo mewɔna ɖe mí Yudatɔwo ƒe blemakɔnuwo dzi o ɖo? Womewɔa kɔnu si míewɔna heklɔa asi le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu hafi ɖua nu o.”" data/train/MAT/MAT_006_Verse_029.mp3,"Ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyawo taŋtaŋ abe trɔ̃subɔlawo ene o, elabena wobuna be yewoaxɔ yewoƒe ŋuɖoɖo le nya geɖewo gbɔgblɔ ta." data/train/MAT/MAT_027_Verse_036.mp3,"“Èɖe ame bubuwo, gake màte ŋu aɖe ɖokuiwò o! Ke wò boŋue nye Israel ƒe fia la? Nenye wòe la, ɖi le atitsoga la ŋuti, ekema míaxɔ dziwò ase." data/train/MAT/MAT_007_Verse_029.mp3,Woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe. Ɖe woate ŋu agbe waintsetse le aŋɔka dzi alo gbotsetse le ŋuti dzia? data/train/MAT/MAT_025_Verse_014.mp3,"“Aƒetɔ la ɖo eŋu na wo be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, nyemenya mi o!’" data/train/MAT/MAT_014_Verse_020.mp3,"ke afi si tɔdziʋu la ɖo la didi tso gota gbɔ, eye ƒutsotsoewo nɔ enyamam, elabena ya nɔ ƒoƒom henɔ ʋu la kpem." data/train/MAT/MAT_025_Verse_044.mp3,"“Woawo hã aɖo eŋu nam be, ‘Aƒetɔ, gbe ka gbe míekpɔ wò be, dɔ le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, eye míena nuɖuɖu alo tsi wò. Ɣe ka ɣi nèdze mía gbɔ, nèle amama, nèdze dɔ alo nèle gaxɔ me, eye míeva kpɔ wò ɖa alo kpe ɖe ŋuwò o mahã’?" data/train/MAT/MAT_013_Verse_025.mp3,"Etrɔ yi fofoawo de, eye wòfia nu le woƒe ƒuƒoƒe, ke ewɔ nuku na wo ŋutɔ. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nunya kple nukunu gã siwo wɔm wòle la tsoe mahã?" data/train/MAT/MAT_010_Verse_019.mp3,"“Migavɔ̃ na ame siwo ate ŋu awu miaƒe ŋutilã, ke womate ŋu awu miaƒe gbɔgbɔ o la gbeɖe o! Mivɔ̃ Mawu ɖeka hɔ̃ɔ, ame si si ŋusẽ le be wòawu ŋutilã kple gbɔgbɔ la siaa le dzomavɔ me." data/train/MAT/MAT_009_Verse_004.mp3,"elabena egblɔ le eɖokui me be, “Nenye be meka asi eƒe awu to teti ko la, nye lãme asẽ.”" data/train/MAT/MAT_019_Verse_010.mp3,"eye mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame si gbe srɔ̃a, eye menye ɖe ahasiwɔwɔ ta o, ke boŋ le susu bubu aɖe ta, eye wòyi ɖaɖe nyɔnu bubu la, ewɔ ahasi.”" data/train/MAT/MAT_007_Verse_013.mp3,"Gake ame si sea nye nyawo, eye metsɔa ɖeke le wo me o la sɔ kple ŋutsu movitɔ si tu eƒe xɔ ɖe ke me." data/train/MAT/MAT_014_Verse_003.mp3,"Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie, eye esi woƒo nuɖuɖu wuwlui mamlɛawo nu ƒu la, woyɔ kusi wuieve sɔŋ." data/train/MAT/MAT_016_Verse_004.mp3,"Esi menyi ame akpe ene (4,000) ɖe, mieɖo ŋku edzi kple abolo gbogbo si susɔ míelɔ ɖe kusi me o mahã?" data/train/MAT/MAT_019_Verse_023.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èyɔm be Aƒetɔ nyui la, ekema Mawue nye ema yɔm nèle, elabena ame ɖeka koe li woayɔ be ame nyui, eye ame siae nye Mawu. Le wò biabia la ŋuti la, mele egblɔm na wò be àte ŋu ayi dziƒo nenye be èwɔ ɖe Mawu ƒe seawo dzi.”" data/train/MAT/MAT_017_Verse_001.mp3,"Esi gbe la nɔ ɖiɖim alea la, dzidzi ƒo nusrɔ̃la etɔ̃awo, eye wotsyɔ mo anyi kple vɔvɔ̃." data/train/MAT/MAT_005_Verse_039.mp3,"Ne ame aɖe azi dziwò be nàzɔ mɔ kple ye kilomita ɖeka la, zɔ kplii kilomita eve." data/train/MAT/MAT_011_Verse_029.mp3,"Yohanes menoa wain teti hã o, eye wòtsia nu dɔna zi geɖe, gake miegblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme." data/train/MAT/MAT_024_Verse_019.mp3,"“Eya ta ne ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Ele gbedzi afi aɖe la,’ migaɖe fu na mia ɖokuiwo be yewoayi aɖakpɔe ɖa o. Alo ne ame aɖe be, ‘Ebe ɖe xɔ gã me la,’ migaxɔe se o!" data/train/MAT/MAT_017_Verse_027.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele eme nenema. Ele be Eliya nava, aɖɔ nu sia nu ɖo hafi Kristo la nava." data/train/MAT/MAT_016_Verse_000.mp3,"Aleke wɔ miedze sii kpɔ be menye nuɖuɖu ŋutie mele nu ƒom le o mahã? Megale egblɔm na mi be, ‘Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.’ ”" data/train/MAT/MAT_024_Verse_038.mp3,"miaƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si miele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si mienya o la dzi," data/train/MAT/MAT_021_Verse_036.mp3,"Wobiae be, “Èse nu si gblɔm ɖevi siawo lea?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, gake miexlẽe kpɔ be, “ ‘Èdzra kafukafu kple dodoɖedzi ɖe ɖeviwo kple vidzĩwo ƒe nu me’ oa?”" data/train/MAT/MAT_022_Verse_028.mp3,"Ke Yesu nya nu vɔ̃ɖi si woɖo ɖe ta me, eya ta ebia wo be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ame ka miedi be yewoatre mɔ na kple miaƒe ayebiabia sia?" data/train/MAT/MAT_020_Verse_002.mp3,"‘Ame siawo la, gaƒoƒo ɖeka pɛ ko wowɔ dɔ, ke nu ka ta woxɔ fetu wòsɔ kple mí ame siwo wɔ dɔ ŋkeke blibo la katã le ŋdɔ sesẽ nu la tɔ ɖo?’" data/train/MAT/MAT_004_Verse_022.mp3,"Yesu tsi nu dɔ le afi sia ŋkeke blaene kple zã blaene, eye emegbe dɔ wui vevie." data/train/MAT/MAT_009_Verse_024.mp3,"Wokplɔe ɖo yi aƒe si me wòge ɖo la. Tete Yesu trɔ ɖe wo ŋu bia wo be, “Miexɔe se be mate ŋu aʋu ŋku na mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ.”" data/train/MAT/MAT_024_Verse_000.mp3,"Abe ale si dzi kea dzo le ɣedzeƒe wokpɔnɛ le ɣetoɖoƒe ene la, nenema ke Nye Amegbetɔ Vi la ƒe vava anɔ." data/train/MAT/MAT_018_Verse_021.mp3,"“Mele egblɔm na mi hã nyateƒetɔe be ne mi ame eve miewɔ ɖeka le anyigba dzi bia nane Fofonye si le dziƒo la, awɔe na mi." data/train/MAT/MAT_012_Verse_043.mp3,"Nukunu sia wɔ moya na ameha la ale gbegbe be wodo ɣli gblɔ be, “Alo ame siae nye David ƒe Vi la?”" data/train/MAT/MAT_005_Verse_038.mp3,"Ne ame aɖe akplɔ wò ayi ʋɔnui, be yeaxɔ wò awutewui la, na wòaxɔ wò dziwui hã kpe ɖe eŋu." data/train/MAT/MAT_011_Verse_004.mp3,"Ekema nu ka miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ɛ̃, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã," data/train/MAT/MAT_026_Verse_072.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame si de asi nuɖugba me kplim lae le dɔ sia wɔ ge." data/train/MAT/MAT_020_Verse_015.mp3,"hegblɔ nu siwo ava dzɔ ɖe edzi nenye be woɖo Yerusalem la na wo. Egblɔ na wo be, “Woadem asi na Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo, eye woatso kufia nam." data/train/MAT/MAT_018_Verse_024.mp3,"“Nenye be alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye ɖeka bu la, aleke wòawɔ? Ɖe magble alẽ blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ mamlɛawo ɖi ayi aɖadi ɖeka si bu la le togbɛwo dzi oa?" data/train/MAT/MAT_004_Verse_002.mp3,Azɔ Abosam gakplɔe yi du kɔkɔe la me eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. data/train/MAT/MAT_021_Verse_001.mp3,"Ale wohe agbletɔ la ƒe vi la do goe le agble la me, eye wowui." data/train/MAT/MAT_015_Verse_037.mp3,"Yesu yɔ ameha la, eye wògblɔ na wo be, “Miɖo to nya si gblɔ ge mala la, be miase egɔme nyuie." data/train/MAT/MAT_017_Verse_011.mp3,"Kasia Mose kple Eliya va do ɖe egbɔ, eye wonɔ dze ɖom kplii." data/train/MAT/MAT_025_Verse_045.mp3,"“Ɖetugbiawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiawo ɖo." data/train/MAT/MAT_014_Verse_011.mp3,"Esi ame eveawo ge ɖe ʋua me ko la, yaƒoƒo la tɔ zi ɖeka." data/train/MAT/MAT_027_Verse_006.mp3,"Ameawo dometɔ ɖeka ƒu du ɖatsɔ aha tsitsi, eye wòkɔe ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me. Etɔ akutsa la ɖe ati nu, eye wòtsɔe ɖo nu na Yesu." data/train/MAT/MAT_017_Verse_010.mp3,"Gake be míagadze agɔ le wo dzi o ta la, yi ɖe ƒuta, eye nàda ƒu. Lã gbãtɔ si nàɖe la, ke eƒe nu me; àkpɔ ga home aɖe si ade nye kple wò ƒe gadzɔdzɔ la nu. Tsɔe ɖaxe nye kple wò ƒe mawuxɔmenudzɔdzɔ lae." data/train/MAT/MAT_003_Verse_007.mp3,"Ke kposɔfu le Yohanes ƒe awu si wòdo la ŋu, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka tsɔ bla awua dzii; eƒe nuɖuɖue nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi." data/train/MAT/MAT_020_Verse_009.mp3,"Esia ta esi wòyɔ ame siwo va gbã la vɛ la, woawo nɔ bubum be yewoƒe fetu akɔ wu ame siwo va le ga atɔ̃ me la tɔ, gake kpao; ga home ma sinu ke ko wòxe na woawo hã." data/train/MAT/MAT_023_Verse_012.mp3,"eya ta miɖo to wo, eye miawɔ nu sia nu si wogblɔ na mi la, gake migawɔ nu si wowɔna la o, elabena woawo ŋutɔ mewɔna ɖe nu siwo fiam wole la dzi o." data/train/MAT/MAT_023_Verse_034.mp3,"“O! Yerusalem, Yerusalem, wò du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo, eye woƒu kpe ame siwo Mawu ɖo ɖe wò. Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalawo te ene, gake wogbe, womena mɔm o." data/train/MAT/MAT_026_Verse_064.mp3,"Petro tɔ asi akɔ gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame ka hlẽ le ŋuwò hã la, nye ya nyemadzo le gbɔwò gbeɖegbeɖe o.”" data/train/MAT/MAT_025_Verse_018.mp3,"“Ekema Nye, Fia la, magblɔ na ame siwo le nye nuɖusime la be, ‘Fofonye ƒe ame yayrawo, miyi ɖe fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke la me," data/train/MAT/MAT_016_Verse_006.mp3,"Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kaisarea Filipi la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ame ka amewo le gbɔgblɔm be Amegbetɔ Vi la nye mahã?”" data/train/MAT/MAT_011_Verse_021.mp3,"Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu le gbɔnye, elabena mefa, mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miaƒe luʋɔwo agbɔ ɖe eme," data/train/MAT/MAT_026_Verse_015.mp3,"Ekplɔ Petro kple Zebedeo ƒe vi eveawo siwo nye Yohanes kple Yakobo la ɖe asi. Esi wova ɖo teƒea la, vevesese helĩhelĩ kple nuxaxa yɔ eme." data/train/MAT/MAT_023_Verse_002.mp3,"“Baba na mi, mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Miegblɔna be, ‘Ne ame aɖe yɔ gbedoxɔ ta nui la, medze vɔ̃ o, gake ne eyɔ sika si le gbedoxɔ me ta nui la, atam la blae’" data/train/MAT/MAT_021_Verse_007.mp3,"Azɔ Yesu yi gbedoxɔ la me, eye wònya nudzralawo do goe le teƒea. Etu afɔ gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye wòkaka akpakpadzralawo ƒe kplɔ̃wo hã." data/train/MAT/MAT_022_Verse_042.mp3,"Yesu gabia wo be, “Ne enye David ƒe vi ɖe, nu ka ta esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va David dzi wònɔ nu ƒom la, wòyɔ Kristo la be ‘Aƒetɔ’ ɖo? Miakpɔe le mawunya me be David gblɔ be," data/train/MAT/MAT_026_Verse_024.mp3,"Esi wònɔ nu ƒom la, Yuda, ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka lae nye ekem le ŋgɔ na ameha gã aɖe, eye wozɔ gbɔna. Ameha siawo nye ame dɔdɔwo tso Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo gbɔ, eye wolé yiwo kple kpowo ɖe asi gbɔna." data/train/MAT/MAT_021_Verse_002.mp3,"Ale woɖo nya la ŋu na Yesu be, “Míenya o.” Tete Yesu hã gblɔ na wo be, “Nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ mɔɖeɖe tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi o.”" data/train/MAT/MAT_012_Verse_014.mp3,"eya ta minyae be nya si ado tso miaƒe nu me fifia lae afia afi si mianɔ le ʋɔnudrɔ̃gbe la, eye eyae woatsɔ atso afia na mi loo, alo woatsɔ abu fɔ mi.”" data/train/MAT/MAT_027_Verse_017.mp3,"Esi ameha la ɖi anyi ɖe Pilato ƒe xɔxɔnu le ŋdi ma la, ebia wo be, “Ame ka ŋutie maɖe asi le na mi? Barabas loo alo Yesu, miaƒe Kristo la?”" data/train/MAT/MAT_001_Verse_013.mp3,"Le aboyomenɔnɔ le Babilonia megbe la, Yekonia dzi Sealtiel, Sealtiel dzi Zerubabel," data/train/MAT/MAT_012_Verse_000.mp3,"Ame aɖe gblɔ nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo le aƒea godo le didim be yewoaƒo nu kpli wò.”" data/train/MAT/MAT_018_Verse_026.mp3,"Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le eƒe to me ƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple ŋku ɖeka tsɔ wu be ŋku eve nanɔ asiwò, eye nàyi dzomavɔ me." data/train/MAT/MAT_002_Verse_003.mp3,"Esi Fia Herod se nya sia la, dzika tso eya kple Yerusalem dua me nɔlawo katã ƒo." data/train/MAT/MAT_004_Verse_005.mp3,"Esi Abosam kpɔ esia la, eva tee kpɔ gblɔ nɛ be, “Nenye wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã la, ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ azu abolo na wò nàɖu.”" data/train/MAT/MAT_015_Verse_013.mp3,"Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Se gblɔ be, ‘Bu fofowò kple dawò; ame si tsi tsitre ɖe edzilawo ŋuti la, ku kee wòaku.’" data/train/MAT/MAT_027_Verse_065.mp3,"Ŋdi ma ke la, woklã adzodala eve hã ɖe ati ŋuti le Yesu ƒe axa eveawo dzi." data/train/MAT/MAT_021_Verse_013.mp3,"Esi wònya ameawo vɔ la, ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu le gbedoxɔ la me," data/train/MAT/MAT_014_Verse_030.mp3,"Woƒe vava ɖi hoo le dua katã me. Amewo kpɔ Yesu dze sii, eye wonɔ tsatsam nɔ gbeƒã ɖem be amewo nakplɔ woƒe dɔnɔwo vɛ wòada gbe le wo ŋu." data/train/MAT/MAT_006_Verse_033.mp3,"wò fiaɖuƒe neva, woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene." data/train/MAT/MAT_002_Verse_023.mp3,"Woɖo eŋu nɛ be, “Woadzi Kristo la le Betlehem le Yudea, elabena nenema woŋlɔe ɖi to nyagblɔɖila la dzi bena," data/train/MAT/MAT_008_Verse_006.mp3,"Enumake Yesu ka asi ŋutsu la ŋu gblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ.” Ale anyidɔ la bu le eŋuti enumake." data/train/MAT/MAT_024_Verse_045.mp3,"Nenye be metrɔ gbɔ va kpɔ nye subɔlawo miele miaƒe dɔdeasi siawo wɔm anukwaretɔe la, mayra mi ŋutɔ." data/train/MAT/MAT_023_Verse_033.mp3,"“Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona be amewo nakpɔ be yewonye ame kɔkɔewo." data/train/MAT/MAT_014_Verse_027.mp3,"Nyɔnuvia bia nu si wòabia la dadaa. Dadaa gblɔ nɛ be nebia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta. Ale wòva do ɖe fia gbɔ gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim le agba me.”" data/train/MAT/MAT_005_Verse_004.mp3,"Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo dza le miaƒe dzi me, elabena miawoe akpɔ Mawu." data/train/MAT/MAT_026_Verse_074.mp3,"Yuda zɔ tẽe yi ɖe Yesu gbɔ gblɔ nɛ be, “Medo gbe na wò, Nufiala,” eye wògbugbɔ nu nɛ." data/train/MAT/MAT_027_Verse_060.mp3,"Woŋlɔ nu klã ɖe eƒe atitsoga la tame be, Ame siae nye Yesu, Yudatɔwo ƒe Fia la." data/train/MAT/MAT_027_Verse_051.mp3,"Nukpɔla siwo le afi ma la dometɔ aɖewo mese nya si wògblɔ la gɔme nyuie o, eye wobu be Eliya yɔm wòle." data/train/MAT/MAT_009_Verse_020.mp3,"Mibu eŋuti kpɔ be kae le bɔbɔe wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso nàzɔ azɔli?’ ”" data/train/MAT/MAT_023_Verse_035.mp3,"“Sefialawo kple Farisitɔwo nɔ Mose ƒe zi dzi," data/train/MAT/MAT_010_Verse_022.mp3,Miyi miagblɔ na wo be dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ. data/train/MAT/MAT_004_Verse_014.mp3,"miawoe nye ame siwo nɔ viviti me tsã, gake fifia la, Kekeli gã aɖe klẽ na mi. Mi ame siwo nɔ ku ƒe anyigba dzi, Kekeli klẽ na mi.”" data/train/MAT/MAT_020_Verse_005.mp3,"Dɔ me ve nusrɔ̃la ewo mamlɛawo ŋutɔ esi wose nu si nɔvi eveawo, Yakobo kple Yohanes, yi ɖabia Yesu la." data/train/MAT/MAT_010_Verse_035.mp3,"“Nenye be wolé mi, kplɔ mi yi ʋɔnu la, migatsi dzi le nu si miagblɔ ŋuti o, elabena woade nya si tututu wòle be miagblɔ la susu me na mi le ɣeyiɣi ma me." data/train/MAT/MAT_020_Verse_012.mp3,"eye ame si di be yeanye gbãtɔ le mi katã dome la, eyae wòle be wòanye miaƒe subɔla anɔ dɔ tsɔm na mi." data/train/MAT/MAT_020_Verse_029.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu akpe fu dziŋɔ si kpe ge mala la, gake anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi kple mia me ya la, ŋusẽ mele asinye be matɔ asi ame siwo anɔ afi ma la dzi o. Fofonye ŋutɔ tia ame siwo anɔ teƒe siawo la da ɖi xoxo.”" data/train/MAT/MAT_003_Verse_016.mp3,"“Nye la, metsɔ tsi le mawutsi dem ta na mi ame siwo trɔ dzi me, gake ame aɖe gbɔna, ame si de ŋgɔ wum sãa ale gbegbe be nyemedze be manye eƒe subɔla gɔ̃ hã o. Eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple dzo ade tsi ta na mi." data/train/MAT/MAT_016_Verse_020.mp3,"Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nu siwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo be, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo awɔ fu ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe." data/train/MAT/MAT_012_Verse_006.mp3,"Ekema gbɔgbɔ vɔ̃ la yina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la kpena ɖe eɖokui ŋu, wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã. Alea tututu wòanɔ na dzidzime vɔ̃ɖi siae.”" data/train/MAT/MAT_023_Verse_018.mp3,"Ke mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’ ”" data/train/MAT/MAT_017_Verse_024.mp3,"Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta, eye wòdo go le ɖevi la me ale be eƒe lãme sẽ enumake." data/train/MAT/MAT_020_Verse_028.mp3,"Yesu biae be, “Nu ka dim nèle be mawɔ na wò?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Medi be nàna be vinye ŋutsuvi eve siawo nanɔ fiazikpui eve dzi le wò ɖusi kple mia me le wò fiaɖuƒe la me.”" data/train/MAT/MAT_023_Verse_037.mp3,"Vavã, mele egblɔm na mi be, tohehe siwo katã wodzra ɖo ɖi tso ɣe ma ɣi ke va se ɖe fifia la ava dzidzime sia dzi." data/train/MAT/MAT_001_Verse_007.mp3,"Esi Yosef nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene." data/train/MAT/MAT_014_Verse_014.mp3,"Esi Yesu se nya sia la, eya ɖeka ge ɖe ʋu aɖe me dzo le afi ma, eye wòyi ɖaɣla eɖokui ɖe teƒe tsoabo aɖe. Ke ameawo kpɔ afi si wòɖo tae la, eya ta wo dometɔ geɖewo tso kɔƒe vovovowo me to afɔ dze eyome." data/train/MAT/MAT_015_Verse_007.mp3,"Etsɔ abolo adre la kple tɔmelãwo, eye wòda akpe na Mawu ɖe wo ta. Emegbe la, eŋe wo me kakɛkakɛ, hetsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo." data/train/MAT/MAT_007_Verse_001.mp3,"Alo nenye be ebia tɔmelãe la, wòatsɔ dalã nɛ?" data/train/MAT/MAT_001_Verse_008.mp3,"Esiawo katã va eme be, woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Nyagblɔɖila dzi la nu be," data/train/MAT/MAT_008_Verse_030.mp3,"Yesu ka asi eƒe asi ŋu, eye eƒe lãme sẽ enumake. Ale wòtso, eye wòsubɔe." data/train/MAT/MAT_028_Verse_002.mp3,"Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de asi nam," data/train/MAT/MAT_017_Verse_026.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Elabena xɔse ʋɛ aɖe koe le mia si. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ne miaƒe xɔse le sue abe logoku ene hã la, miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho le teƒe sia’, eye wòaho. Naneke wɔwɔ masesẽ na mi o." data/train/MAT/MAT_026_Verse_008.mp3,"Azɔ Petro do ɣli, ka atam gblɔ be, “Ne menya ame sia tututu la, ekema nane nedzɔ ɖe dzinye.” Kasia Petro naɖe nu le nya la me la, koklo ku atɔ “kɔkɔliakɔe.”" data/train/MAT/MAT_001_Verse_001.mp3,"Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe amewo tso woƒe nu vɔ̃wo me.”" data/train/MAT/MAT_007_Verse_022.mp3,"“Migatsɔ miaƒe nu kɔkɔewo na avuwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe na hawo o. Ne menye nenema o la, woanya avuzi le wo dzi, atrɔ ɖe mia ŋu, eye woavuvu mi." data/train/MAT/MAT_013_Verse_002.mp3,"“Agbletɔ la ɖo eŋu na wo be, ‘Futɔ aɖe kokokoe wɔ nenem nu sia.’ “Dɔlawo biae be, ‘Ekema mího gbeku vɔ̃awo ƒu gbe mahã?’" data/train/MAT/MAT_015_Verse_033.mp3,"Yesu gblɔ na nyɔnu la be, “Ɖe Mawu dɔm be mava Israel dukɔ si le abe alẽ bubu ene la ko gbɔ.”" data/train/MAT/MAT_019_Verse_011.mp3,"Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽe kpɔ be le gɔmedzedzea me la, Wɔla la wɔ wo ŋutsu kple nyɔnu o mahã?" data/train/MAT/MAT_014_Verse_010.mp3,elabena Yohanes he nya ɖe Herod ŋu be mele se nu be wòaxɔ nɔvia Filipo srɔ̃ aɖe o. data/train/MAT/MAT_012_Verse_001.mp3,"Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye sia fiana." data/train/MAT/MAT_016_Verse_024.mp3,"Woɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo gblɔ be, Yohanes Mawutsidetanamela nènye. Ɖewo be Eliyae nènye, bubuwo hã be Yeremia alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye.”" data/train/MAT/MAT_019_Verse_024.mp3,"Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ be, “Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o.”" data/train/MAT/MAT_012_Verse_024.mp3,"Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye be wò alẽ ge ɖe vudo me le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖe, màɖee le eme oa? Àɖee le eme godoo!" data/train/MAT/MAT_010_Verse_033.mp3,"“Nenye be mielɔ̃ mia dadawo kple mia fofowo tsɔ wum la, ekema miedze be mianye tɔnyewo o, nenema ke ne mielɔ̃ mia vinyɔnuwo kple mia viŋutsuwo tsɔ wum la, miedze be mianye tɔnyewo o." data/train/MAT/MAT_013_Verse_041.mp3,"“Le lododo sia me la, woɖe gbeku vɔ̃ɖiawo ɖe aga, eye wotɔ dzo wo; nenema ke wòanɔ le xexea me ƒe nuwuwu." data/train/MAT/MAT_022_Verse_019.mp3,"“Fia la biae be, ‘Xɔ̃nye, aleke wɔ mèdo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke ŋutsu la ƒe nu tsi te, elabena menya nya si tututu wòagblɔ o." data/train/MAT/MAT_003_Verse_001.mp3,"Ame sia ŋutie woƒo nu le to Nyagblɔɖila Yesaya dzi be, “Gbe aɖe le ɖiɖim le gbegbe bena, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo, eye mita mɔ dzɔdzɔewo nɛ!’ ”" data/train/MAT/MAT_006_Verse_010.mp3,"Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui ŋu elabena kuxi sɔ gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo." data/train/MAT/MAT_027_Verse_018.mp3,"Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ lé wo, eye wogblɔ be, “Ame sia nye Mawu ƒe Vi vavã.”" data/train/MAT/MAT_026_Verse_007.mp3,"Azɔ etrɔ va nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Miate ŋu adɔ alɔ̃ azɔ faa, eye miadzudzɔ mia ɖokuiwo, gake nɔviwo, ɣeyiɣi la de be woade nye Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo." data/train/MAT/MAT_010_Verse_027.mp3,"Ne nya aɖe dzɔ ɖe nufiala aɖe dzi la, eƒe sukuvi la hã dzi wòdzɔ ɖo. Nenema ke ne nya aɖe dzɔ ɖe Aƒetɔ aɖe dzi la, eƒe subɔvi hã le eme, eye esi wònye be woyɔ nye, Aƒea dzi kpɔla be Belzebul ɖe, aleke woayɔ miawoe?" data/train/MAT/MAT_024_Verse_048.mp3,"Vavã mele egblɔm na mi be dzidzime sia nu mava yi o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme." data/train/MAT/MAT_007_Verse_025.mp3,"Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, ke ati manyomanyo tsea ku gbegblẽ." data/train/MAT/MAT_021_Verse_008.mp3,"Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe kɔƒea me ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple via le ka me. Mitu ka wo, eye miakplɔ wo vɛ." data/train/MAT/MAT_027_Verse_057.mp3,"Pilato gabia wo be, “Nu vɔ̃ ka wòwɔ?” Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋuti!”" data/train/MAT/MAT_023_Verse_038.mp3,"Woblaa agba kpekpewo tsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta, gake woawo ŋutɔ mele klalo be yewoatsɔ yewoƒe asibidɛ akpe ɖe ameawo ŋu gɔ̃ hã o." data/train/MAT/MAT_010_Verse_017.mp3,"migatsɔ mɔzɔkotoku kple awu bubuwo hã ɖe asi o, eye migatsɔ afɔkpa alo atizɔti teti hã o, elabena dɔwɔla dze eƒe nuɖuɖu." data/train/MAT/MAT_013_Verse_009.mp3,"Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu ale gbegbe be ege ɖe ʋu aɖe me, eye wòyi ɖe ƒua dzi vie nɔ anyi, ke ameha la tɔ ɖe ƒua ta." data/train/MAT/MAT_003_Verse_014.mp3,"Migabui ne mianɔ gbɔgblɔm na mia ɖokuiwo be, ‘Mía fofoe nye Abraham’ o. Mele egblɔm na mi be Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ azu viwo na Abraham." data/train/MAT/MAT_027_Verse_012.mp3,"Ebe yexɔ Mawu dzi se; Mawu neɖo kpe eƒe xɔse la dzi ne wòaɖee le atia ŋuti. Alo menye eyae gblɔ be, ‘Mawu ƒe Vi menye’ oa?”" data/train/MAT/MAT_011_Verse_011.mp3,"Eye mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me, elabena ɖe wowɔ nukunu klitsu siwo wowɔ le mewò le Sodom la, ne womatsrɔ̃ dua o, ke boŋ anɔ anyi va se ɖe egbe." data/train/MAT/MAT_013_Verse_016.mp3,"“Dziƒofiaɖuƒe la le abe kesinɔnu aɖe si ŋu ame aɖe va ke ɖo le anyigba aɖe me ene. Eye le dzidzɔ si wòkpɔ le kesinɔnu sia ŋuti ta la, edzra nu sia nu si le esi la be yeakpɔ ga atsɔ aƒle anyigba sia kple kesinɔnu la katã." data/train/MAT/MAT_010_Verse_021.mp3,Minyae be sukuvi menyaa nu wu eƒe nufiala o. Nenema ke subɔla mewua eƒe aƒetɔ o. data/train/MAT/MAT_027_Verse_055.mp3,Nyɔnu siwo kplɔ Yesu ɖo tso Galilea be yewoava kpɔ eƒe hiahiãwo gbɔ nɛ le Yerusalem la le nu siwo katã le dzɔdzɔm la kpɔm tso adzɔge. data/train/MAT/MAT_024_Verse_036.mp3,"Le ɣeyiɣi mawo me la, dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu. Dɔ ato le teƒe geɖewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo." data/train/MAT/MAT_009_Verse_003.mp3,"Be miadze sii be ŋusẽ le nye Amegbetɔ Vi la si le anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo ake amewo le anyigba dzi ŋuti la, Yesu trɔ ɖe lãmetututɔ la gbɔ gblɔ nɛ be, “Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba ne nàzɔ ayi aƒe me!”" data/train/MAT/MAT_024_Verse_043.mp3,"Nenema ke ne miekpɔ be nu siawo katã de asi dzɔdzɔ me la, ekema minyae be nye vava tu aƒe kpokploe." data/train/MAT/MAT_014_Verse_012.mp3,"Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wònɔ ƒua dzi zɔm la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Tete wodo ɣli be, “Ŋɔlie.”" data/train/MAT/MAT_007_Verse_028.mp3,"Wò, alakpanuwɔla, ɖe atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àkpɔ nu nyuie ale be nàte ŋu aɖe ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi la." data/train/MAT/MAT_005_Verse_000.mp3,"Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi, be wòaklẽ na aƒea me nɔla ɖe sia ɖe." data/train/MAT/MAT_027_Verse_014.mp3,"Elabena Pilato nya nyuie be ale si ame geɖewo dze Yesu yomee la koe biã ŋu na Yudatɔwo ƒe dumegãwo, eya ta wolée ɖo." data/train/MAT/MAT_007_Verse_026.mp3,"“Nu ka ta nèkpɔa ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi o mahã?" data/train/MAT/MAT_012_Verse_023.mp3,"Ke Yesu bia wo be, “Miexlẽ nu si Fia David kple eŋutimewo wɔ esi dɔ wu wo la oa?" data/train/MAT/MAT_004_Verse_008.mp3,"Esia megbe la, Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsyɔ̃eƒe ke, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo fiae." data/train/MAT/MAT_011_Verse_002.mp3,"Egblɔ le wo ŋu be, “Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidon duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, anɔ akpanya kple afi me." data/train/MAT/MAT_025_Verse_002.mp3,"“Ale maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miegbe be yewomawɔ nu siawo na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka teti hã o la, nyee nye ema miewɔ wo na o.’" data/train/MAT/MAT_027_Verse_034.mp3,"eye wotsɔ ŋu didi aɖewo wɔ fiakuku heɖɔ nɛ, eye wotsɔ fiatikplɔ hã de eƒe nuɖusime me. Wodzea klo ɖe eŋkume fewuɖutɔe, eye wogblɔna be, “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia.”" data/train/MAT/MAT_007_Verse_019.mp3,"“Menye ame sia ame si le yɔyem be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’ lae ayi dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe ame siwo le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe." data/train/MAT/MAT_024_Verse_014.mp3,"elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ me agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la,’ eye woaflu ame geɖewo." data/train/MAT/MAT_013_Verse_031.mp3,"“Eɖo eŋu na wo be, ‘Gbeɖe, migawɔe o, ne miebe yewoaho gbeku vɔ̃awo la, miaho blia hã," data/train/MAT/MAT_024_Verse_039.mp3,Mido gbe ɖa be miaƒe sisigbe megadze vuvɔŋɔli alo Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o. data/train/MAT/MAT_010_Verse_014.mp3,"Mida gbe le dɔnɔwo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo, mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Mina nu amewo faa abe ale si wona mi ene!" data/train/MAT/MAT_005_Verse_001.mp3,"Azɔ efia nu wo le afi ma hegblɔ na wo be," data/train/MAT/MAT_014_Verse_006.mp3,"Azɔ ebia tso ameha la si be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Ale wòtsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve la, eye wòwu mo dzi hedo gbe ɖa ɖe wo dzi. Emegbe la, eŋe wo me tsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo." data/train/MAT/MAT_019_Verse_003.mp3,bu fofowò kple dawò; lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene!” data/train/MAT/MAT_006_Verse_024.mp3,"Miganɔ abe woawo ene o, elabena mia Fofo nya nu siwo hiã mi la gɔ̃ hafi miebianɛ." data/train/MAT/MAT_026_Verse_043.mp3,"Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Mègawɔ wò yi ŋu dɔ o; tsɔe de aku me, elabena ame siwo wɔa yi ŋu dɔ la hã kpɔa ku le yi nu." data/train/MAT/MAT_022_Verse_004.mp3,"“Aƒetɔ, Mose de se na mí be ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye medzi vi hafi ku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosi la, eye wòadzi vi kplii, ale be ɖeviawo nanyi ameyinugbe la ƒe dome." data/train/MAT/MAT_006_Verse_006.mp3,"Elabena ne mietsɔ vo siwo amewo da ɖe mia ŋuti la ke wo la, ekema mia Fofo si le dziƒo hã atsɔ ake miawo hã." data/train/MAT/MAT_022_Verse_014.mp3,"Esia megbe la fia la gblɔ na eƒe dɔlawo be, ‘Nu sia nu sɔ gbe na ŋkeke la ɖuɖu, gake ame siwo mekpe la medze na bubu si mede wo ŋu o," data/train/MAT/MAT_005_Verse_035.mp3,"Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye, elabena fetu gã aɖe le mia lalam le dziƒo. Miɖo ŋku edzi be, nenema ke woti Nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã yomee." data/train/MAT/MAT_014_Verse_032.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Mitsɔ wo vɛ.”" data/train/MAT/MAT_014_Verse_007.mp3,"Azɔ la, Herod na wolé Yohanes, eye woblae de gaxɔ me le Herod, nɔvia Filipo srɔ̃ ta," data/train/MAT/MAT_017_Verse_025.mp3,"Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “O! Mi dzidzime kpaɖikpaɖi, dzimaxɔsetɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la va afi sia nam.”" data/train/MAT/MAT_026_Verse_018.mp3,"Emegbe la, Petro do ɖe agboa nu, eye nyɔnuvi bubu aɖe hã gakpɔ Petro le amehawo dome, eye wògblɔ na ame siwo le afi ma be, “Ame sia hã nɔ Yesu Nazaretitɔ la ƒe nusrɔ̃lawo dome.”" data/train/MAT/MAT_015_Verse_023.mp3,"Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame." data/train/MAT/MAT_014_Verse_016.mp3,eya ta edo ŋugbe be yeana nu sia nu si nyɔnuvi la abia ye lae. data/train/MAT/MAT_015_Verse_017.mp3,"Mi alakpanuwɔlawo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti be," data/train/MAT/MAT_026_Verse_053.mp3,"Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Petro ganɔ amehawo dome le xexe. Dɔlanyɔnuvi dzaa aɖe te ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Wò hã ènɔ Yesu Galileatɔ la yome.”" data/train/MAT/MAT_001_Verse_011.mp3,"Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, “Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ be wòava nɔ gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso." data/train/MAT/MAT_007_Verse_006.mp3,"Azɔ esi tsi dza, tɔwo ɖɔ eye ahom tu, lɔ xɔ sia ɖe eme ko la, emu dze anyi gbloo.”" data/train/MAT/MAT_009_Verse_016.mp3,"Gbe ɖeka la, Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna abe ale si mí kple Farisitɔwo míewɔna ene o ɖo?”" data/train/MAT/MAT_027_Verse_064.mp3,"Yosef xɔ ame kuku la, eye wòtsɔ aklala yeye aɖe si fu tititi la xatsa ɖe eŋuti nyuie," data/train/MAT/MAT_002_Verse_000.mp3,"“Afi ka Yudatɔwo ƒe fia yeye si wodzi la le? Míekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe ke, ale míeva be míasubɔe.”" data/train/MAT/MAT_018_Verse_010.mp3,"Eye mia dometɔ si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ." data/train/MAT/MAT_026_Verse_067.mp3,"Yesu gagblẽ nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖi heyi ɖado gbe ɖa ake be, “Fofo, nenye be ele be matsɔ agba sia kokoko la, ekema mawɔ wò lɔlɔ̃nu.”" data/train/MAT/MAT_003_Verse_005.mp3,"gake Yohanes medi be yeade tsi la ta nɛ o, ke boŋ egblɔ nɛ be, “Medze be nye made mawutsi ta na wò o. Nye boŋ wòle be nàde mawutsi ta na.”" data/train/MAT/MAT_022_Verse_034.mp3,"Mlɔeba la, nyɔnu la ŋutɔ hã va ku." data/train/MAT/MAT_021_Verse_010.mp3,"Ekpɔ gboti aɖe le mɔa to, ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi agbe aɖu mahã? Ke esi wòva ɖo atia te la, aŋgbawo ko wòkpɔ le edzi. Yesu gblɔ na gboti la be, “Tso egbe sia yina la, màgatse ku gbeɖe o!” Enumake gboti la yrɔ ɖe tsitrenu." data/train/MAT/MAT_022_Verse_032.mp3,“ ‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade wò afɔ te.” ’ data/train/MAT/MAT_016_Verse_005.mp3,"Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, Petro ɖe kpɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Mawu neɖe agba sia ɖa le dziwò; nu siawo madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o!”" data/train/MAT/MAT_024_Verse_026.mp3,Ke esiawo katã anye nu siwo do ŋgɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko. data/train/MAT/MAT_024_Verse_030.mp3,"“Le nyateƒe me la, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔƒome la katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la, woato ŋkeke siawo ɖe eme." data/train/MAT/MAT_025_Verse_029.mp3,"“Eƒe Aƒetɔ kafui ŋutɔ le eƒe dɔ nyui si wòwɔ la ta. Egblɔ na dɔla la be, ‘Wò dɔla nyui, èwɔ nuteƒe ŋutɔ, eya ta tso azɔ dzi la, matsɔ dɔ geɖe ade wò dzikpɔkpɔ te. Va ne nàkpɔ dzidzɔ kplim!’" data/train/MAT/MAT_022_Verse_005.mp3,"Biabia lae nye be, ame ka tɔ nyɔnu sia azu le tsitretsitsiŋkeke la dzi? Elabena eɖe nɔvi adreawo katã kpɔ!”" data/train/MAT/MAT_005_Verse_018.mp3,"gblẽ wò vɔsanu la ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ ne nàyi aɖe kuku na nɔviwò sia, eye nàdzra mi kplii dome ɖo hafi nàva sa vɔ na Mawu." data/train/MAT/MAT_012_Verse_021.mp3,"Gbe ɖeka la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewo me yina afi aɖe. Gbe ma gbe nye Dzudzɔgbe ŋkeke. Dɔ nɔ nusrɔ̃lawo wum ɣe ma ɣi, eya ta woŋe bli aɖewo, eye woklẽ wo heɖu." data/train/MAT/MAT_015_Verse_018.mp3,"Mienyae be nu si ame ɖuna la toa eƒe dɔkaviwo me, eye wòdenɛ le nugodo me oa?" data/train/MAT/MAT_027_Verse_042.mp3,"Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, wodo le woƒe yɔdoawo me, eye woyi ɖe du kɔkɔe la me, afi si woɖe wo ɖokuiwo fia ame geɖewo le." data/train/MAT/MAT_005_Verse_046.mp3,"Vavã mele egblɔm na mi be zi ale si dziƒo kple anyigba li la, ŋɔŋlɔ suetɔ kekeake alo nu suetɔ si wotsɔ nuŋlɔti ŋlɔe la, mabu le se la me o va se ɖe esime woawu nu sia nu nu," data/train/MAT/MAT_012_Verse_020.mp3,"“Gawu la, aleke ame awɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe aƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi o? Ele nɛ be wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo." data/train/MAT/MAT_013_Verse_006.mp3,"Alea tututu wòanɔ le xexea me ƒe nuwuwu hã. Mawudɔlawo ava ma ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo gbɔ," data/train/MAT/MAT_009_Verse_014.mp3,"Farisitɔwo kpɔ esia, ale wobia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be, “Nu ka ta miaƒe nufiala dea ha kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, eye woɖua nu kple wo hã ɖo?”" data/train/MAT/MAT_008_Verse_034.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo la, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.”" data/train/MAT/MAT_022_Verse_023.mp3,"Gake eya hã medzi vi aɖeke kple nyɔnu sia hafi ku o, eye wo nɔvi etɔ̃lia xɔ ahosi la ɖe, gake kpao, eya hã ku vimadzimadzii. Ale nɔviŋutsu adreawo katã ɖe nyɔnu sia kpɔ, gake ɖeke medzi vi kplii o." data/train/MAT/MAT_024_Verse_047.mp3,"Nyɔnu eve anɔ bli tum le te dzi, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi." data/train/MAT/MAT_015_Verse_006.mp3,"Enye nukunu blibo! Aɖetututɔwo nɔ nu ƒom kple dzidzɔ, ame siwo ƒe abɔ kple atawo menyo o la gaɖo nɔnɔme nyui me, tekunɔwo alo bafawo nɔ kpo tim, nɔ yiyim, eye ŋkuagbãtɔwo nɔ nu kpɔm nyuie! Nyateƒe, ameha gã la ƒe nu ku, eye wokafu Israel ƒe Mawu la." data/train/MAT/MAT_025_Verse_008.mp3,"“Ame si xɔ sidi akpe eve la hã va gblɔ na Aƒetɔ la be, ‘Aƒetɔ, ètsɔ sidi akpe eve nam, gake megakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi.’" data/train/MAT/MAT_027_Verse_062.mp3,"Yesu gado ɣli sesĩe ake. Etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na, eye wòku kpoo." data/train/MAT/MAT_028_Verse_013.mp3,"Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi, eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣe sia ɣi be meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.”" data/train/MAT/MAT_014_Verse_026.mp3,"Nya sia te ɖe fia la dzi ŋutɔ, gake le atam si wòka ta la, medi be yeaɖu ŋukpe le eƒe ame kpekpeawo ŋkume o, ale wòɖe gbe be woatso ta le Yohanes nu akɔ vɛ." data/train/MAT/MAT_018_Verse_028.mp3,"Nenye wò asi alo afɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa ne nàtsɔe aƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple asi alo afɔ lalɛ̃ wu be asi eve kple afɔ eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔ me." data/train/MAT/MAT_020_Verse_018.mp3,"“Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, ekpɔ ame aɖewo le asi me siwo menɔ dɔ aɖeke wɔm o." data/train/MAT/MAT_017_Verse_021.mp3,"Petro gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, enyo ŋutɔ be míele afi sia! Ne èlɔ̃ la, na míawɔ agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye tɔwò, ɖeka nanye Mose tɔ, ɖeka nanye Eliya hã tɔ.”" data/train/MAT/MAT_019_Verse_020.mp3,"Tete wobia Yesu be, “Ekema nu ka ŋuti Mose de se be ŋutsu nana srɔ̃gbegbalẽ srɔ̃a, eye wòagbee mahã?”" data/train/MAT/MAT_009_Verse_000.mp3,"Ale Yesu ka asi woƒe ŋkuwo ŋu hegblɔ be, “Ava eme na mi abe ale si miexɔe se ene.”" data/train/MAT/MAT_009_Verse_013.mp3,"Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wò dzi nedze eme, elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”" data/train/MAT/MAT_028_Verse_018.mp3,"Wokpe Yesu le afi sia, eye wosubɔe, ke wo dometɔ aɖewo meka ɖe edzi be Yesu ŋutɔe nye ema o." data/train/MAT/MAT_016_Verse_003.mp3,"elabena ame si lɔ̃a eƒe agbe, eye wòtia eƒe agbe yome le ŋutilã me la, abui; ke ame si ɖe asi le eƒe agbe ŋu faa ɖe tanye la, akpɔ agbe mavɔ." data/train/MAT/MAT_015_Verse_001.mp3,"Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme le ŋutsu akpe ene (4,000), nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o." data/train/MAT/MAT_016_Verse_025.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Miawo la, nenye be fiẽ ɖo la, miegblɔna be, ‘Yame akɔ, elabena yame biã,’" data/train/MAT/MAT_007_Verse_000.mp3,"Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati fefi le wò ŋku dzi,’ le esime atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi?" data/train/MAT/MAT_006_Verse_031.mp3,"“Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo lilili abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o. Ame siawo yɔa mo lilili, be amewo nakpɔ be yewole nutsitsidɔ me. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ame siawo xɔ woƒe fetu blibo la xoxo." data/train/MAT/MAT_002_Verse_015.mp3,"eye wòyi ɖanɔ Nazaret. Esia wu nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖilawo dzi la nu be, “Woayɔe be Nazaretitɔ.”" data/train/MAT/MAT_027_Verse_059.mp3,"Pilato ɖo nya la ŋu na wo be, “Mikplɔ asrafo siawo yi ne woadzɔ yɔdo la ŋu nyuie.”" data/train/MAT/MAT_028_Verse_006.mp3,"eya ta miyi ɖawɔ amewo le dukɔ ɖe sia ɖe me woanye nye nusrɔ̃lawo; miade mawutsi ta na wo le Fofo la, Vi la kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me." data/train/MAT/MAT_017_Verse_000.mp3,"“Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia; ele kpeŋuidɔ lém, eye wòle fu kpem nublanuitɔe. Ne kpeŋuidɔ la dze edzi ɣe aɖewo ɣi la, enana be wòdzea dzo alo tsi me." data/train/MAT/MAT_024_Verse_033.mp3,"“Le ɣe ma ɣi me la, Amegbetɔ Vi la ƒe dzesi ado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigbadzidukɔwo katã afa konyi. Tete woakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ lilikpo dzi aɖiɖi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me," data/train/MAT/MAT_021_Verse_035.mp3,"Nyateƒe, nya sia ɖe wòle abe kpe ene; ame si akli kpe sia la, aŋe kluikluiklui, eye ame si dzi kpe sia age adze la, agbã gudugudu.”" data/train/MAT/MAT_026_Verse_009.mp3,"Azɔ Petro ka atam be, “Nyemenya ŋutsu la le afi aɖeke kura o!”" data/train/MAT/MAT_013_Verse_037.mp3,"ke esi wòmlɔ anyi le zã me la, eƒe futɔ va ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe bliawo dome." data/train/MAT/MAT_006_Verse_008.mp3,"“Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa?" data/train/MAT/MAT_024_Verse_020.mp3,"“Eya ta ne miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la’ le tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la, esi ƒe nya wogblɔ to Nyagblɔɖila Daniel dzi la, nya sia xlẽla nese egɔme," data/train/MAT/MAT_015_Verse_012.mp3,"Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o; mekpe kpe dee hã o. Eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu be nenyae wòadzo. Wogblɔ be, “Gblɔ nɛ be nedzo, elabena eƒe ɣlidodo le to me vem na mí.”" data/train/MAT/MAT_013_Verse_001.mp3,"“Agbleatɔ ƒe dɔlawo va agbletɔ la gbɔ va biae be, ‘Aƒetɔ, alo menye nuku nyui nèƒã ɖe wò abɔ me oa? Afi ka gbeku vɔ̃ siawo tso?’" data/train/MAT/MAT_021_Verse_005.mp3,"Ameha la ƒe akpa aɖe dze eŋgɔ, eye bubu hã kplɔe ɖo kplikplikpli nɔ ɣli dom be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la!” “Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Hosana le dziƒo ʋĩi!”" data/train/MAT/MAT_026_Verse_073.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe dua me teti ko la, miado go ŋutsu aɖe. Migblɔ nɛ be, ‘Míaƒe Nufiala ɖo mí ɖe gbɔwò be míagblɔ na wò be yeƒe ɣeyiɣi la ɖo azɔ, eya ta ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoava adze gbɔwò aɖu Ŋutitotoŋkekenyui la.’ ”" data/train/MAT/MAT_024_Verse_013.mp3,ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi. data/train/MAT/MAT_022_Verse_020.mp3,"“Fia la do dɔmedzoe, ale wòdɔ eƒe asrafowo woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo, eye wotɔ dzo woƒe du la wòbi keŋ." data/train/MAT/MAT_014_Verse_034.mp3,"Yesu ƒo nu na wo enumake, eye wòde dzi ƒo na wo gblɔ be, “Nyee, migavɔ̃ o; miaƒe dzi nedze eme.”" data/train/MAT/MAT_004_Verse_025.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’ ”" data/train/MAT/MAT_008_Verse_019.mp3,"Ke aʋafia la ya gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nyemedze be nàva nye aƒe me o, eye mehiã be nàva hã o. Ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla la ƒe lãme nasẽ." data/train/MAT/MAT_023_Verse_005.mp3,"“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietsana le anyigba dzi kple atsiaƒuwo dzi, ɛ̃, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔmevi zi gbɔ zi eve wu miawo ŋutɔ." data/train/MAT/MAT_021_Verse_015.mp3,"Esi Yesu ge ɖe Yerusalem dua me la, zi gã aɖe ŋutɔ tɔ; ame sia ame kloe nɔ biabiam be, “Ame kae nye ame sia mahã?”" data/train/MAT/MAT_018_Verse_000.mp3,“Alea tututu Fofonye si le dziƒo la hã awɔ na mi nenye be mietsɔ nu vɔ̃wo ke mia nɔewo tso miaƒe dzi me o.” data/train/MAT/MAT_027_Verse_039.mp3,"Ke ame bubuwo gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋuti ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”" data/train/MAT/MAT_026_Verse_035.mp3,"gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o, togbɔ be ame geɖewo lɔ̃ ɖi aʋatsoɖase le eŋu hã." data/train/MAT/MAT_009_Verse_029.mp3,"Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o." data/train/MAT/MAT_005_Verse_022.mp3,"Ke nye ya mele egblɔm na mi be, migaɖo vɔ̃, teƒe na vɔ̃ o! Nenye be ame aɖe ƒo ɖusitome na wò la, trɔ tome evelia hã nɛ be wòaƒo." data/train/MAT/MAT_003_Verse_008.mp3,"Le gaƒoƒo sia me ŋutɔ gɔ̃ hã la, woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fia atiwo ƒe kewo dzi: ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe aƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me." data/train/MAT/MAT_018_Verse_033.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye zi adre o, ke boŋ zi blaadre teƒe adre.”" data/train/MAT/MAT_002_Verse_004.mp3,"Esi Herod kpɔe be ɣletivimenunyalawo flu ye la, dɔ me vee ale gbegbe be wòdɔ asrafowo ɖo ɖe Betlehem kple eƒe nutowo me, be woaɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe ɣeyiɣi si ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ be yewokpɔ ɣletivia la nu." data/train/MAT/MAT_021_Verse_032.mp3,"Nu sia wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wobiae be, “Nu kae na be gboti la yrɔ enumake?”" data/train/MAT/MAT_020_Verse_004.mp3,"“Azɔ esi fiẽ ɖo la, agbletɔ la yɔ eƒe gadzikpɔla be neva xe fe na dɔwɔlawo, eye wòadze egɔme tso ame siwo wòɖo ɖe agble la me mamlɛa la dzi." data/train/MAT/MAT_025_Verse_009.mp3,"“Ame si xɔ sidi akpe ɖeka la hã va do, eye wòdo dzi gblɔ na Aƒetɔ la be, ‘Aƒetɔ, menya be wò nya ɖe wòsẽ; eŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o, eye nèƒoa nu ƒu le afi si mewu nu ɖo o," data/train/MAT/MAT_002_Verse_012.mp3,"Esia ta Yosef fɔ enumake, eye wòkplɔ ɖevi la kple dadaa le zã ma me ke hesi dzo yi Egipte," data/train/MAT/MAT_003_Verse_017.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, de mawutsi ta nam ko, elabena ele nam be mawɔ nu siwo katã woɖo da ɖi la.” Ale Yohanes lɔ̃ de mawutsia ta nɛ." data/train/MAT/MAT_009_Verse_002.mp3,"Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena nu geɖewo nɔ fu ɖem na wo, ke womenya nu si woawɔ o. Ɖeko wonɔ abe alẽha si kplɔla meli na o la ene." data/train/MAT/MAT_026_Verse_001.mp3,"Ale wògblɔ na wo be, “Nye lãme gbɔdzɔ ŋutɔ, eye nye dzi le nu xam heyi ku me ke, eya ta minɔ afi sia, eye mianɔ ŋudzɔ kplim.”" data/train/MAT/MAT_020_Verse_001.mp3,"“Ame gbãtɔwo he nya ɖe agbletɔ la ŋu vevie gblɔ be," data/train/MAT/MAT_006_Verse_025.mp3,Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa; womeƒãa nu alo ŋea nu alo ƒoa nu nu ƒu ɖe avawo me o. Ke mia Fofo si le dziƒo la naa nuɖuɖu wo. Ɖe mi amegbetɔwo miexɔ asi sãa wu dziƒoxeviwo oa? data/train/MAT/MAT_025_Verse_001.mp3,“Ale ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me. Ke ame dzɔdzɔewo ayi agbe mavɔ la me.” data/train/MAT/MAT_027_Verse_061.mp3,"Woɖe eƒe awu siwo wòdo la le eŋuti, eye wotsɔ awu dzĩ do nɛ," data/train/MAT/MAT_025_Verse_006.mp3,"Ame si xɔ sidi akpe atɔ̃ la de asi asitsatsa me kplii enumake, eye eteƒe medidi hafi wògakpɔ sidi akpe atɔ̃ ɖe gatia dzi o." data/train/MAT/MAT_022_Verse_001.mp3,"Azɔ ebia wo be, “Ame ka ƒe nɔnɔmetatae le ga sia dzi, eye ame ka ƒe ŋkɔe le ete?”" data/train/MAT/MAT_014_Verse_015.mp3,"Esi zã nɔ dodom la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Afi sia la, gbedzie; naneke meli ame naɖu o, evɔ la, fiẽnuɖuɣi va yi xoxo, eya ta ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒe siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖaƒle nuɖuɖu.”" data/train/MAT/MAT_011_Verse_028.mp3,"Yohanes, ame si nɔ gaxɔ me le ɣeyiɣi siawo me la se nukunu gbogbo siwo katã Kristo la nɔ wɔwɔm. Esia ta edɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe Yesu gbɔ be woabiae be," data/train/MAT/MAT_010_Verse_006.mp3,"Eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye: Simɔn (ame si woyɔna hã be Petro) kple nɔvia Andrea, Yakobo kple nɔvia Yohanes, ame siwo nye Zebedeo ƒe viwo," data/train/MAT/MAT_017_Verse_015.mp3,"Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eye eƒe awu fu tititi abe kekeli ene." data/train/MAT/MAT_017_Verse_014.mp3,"Ke Yesu va wo gbɔ, eye wòka asi wo ŋu gblɔ na wo be, “Mitsi tsitre, eye migavɔ̃ o.”" data/train/MAT/MAT_020_Verse_003.mp3,"Amewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake kpao; fifi kura gɔ̃ woƒe gbe ganɔ dzi dem ɖe edzi wu be, “Aƒetɔ David vi la, kpɔ nublanui na mi.”" data/train/MAT/MAT_021_Verse_023.mp3,"Ke agbledzikpɔlawo dze ame dɔdɔawo dzi wu ɖeka, ƒo ɖeka vevie, eye woƒu kpe etɔ̃lia." data/train/MAT/MAT_013_Verse_005.mp3,"Ale wòɖo eŋu na wo be, “Eya ta sefiala ɖe sia ɖe si wofia nui tso dziƒofiaɖuƒe la ŋuti la le abe aƒetɔ aɖe si ɖe eƒe kesinɔnu yeye kple xoxoa siaa do goe tso eƒe nudzraɖoƒe la ene.”" data/train/MAT/MAT_028_Verse_020.mp3,"Yesu va kpe wo. Edo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi,” eye wodze klo ɖe eƒe akɔme helé eƒe afɔwo ɖe asi, eye wosubɔe." data/train/MAT/MAT_018_Verse_014.mp3,"“Gake ŋutsu vɔ̃ɖi sia gbe asiɖeɖe le fenyila la ŋuti, eye wòna wolée de mɔ va se ɖe esime wòaxe fe la katã nɛ." data/train/MAT/MAT_018_Verse_031.mp3,"Vavã mele egblɔm na mi bena nenye be wòkpɔ alẽa ɖe, makpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe ɖe eŋu tsɔ wu blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo le dedie le aƒe la oa?" data/train/MAT/MAT_025_Verse_041.mp3,"Tete abunɛtɔawo gblɔ na nunyalawo be, ‘Mina miaƒe ami la ƒe ɖe mí, elabena míaƒe akaɖiawo le tsitsim.’" data/train/MAT/MAT_019_Verse_014.mp3,"Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo fifia la, azu mamlɛtɔwo, eye ame siwo nye mamlɛtɔwo la, azu gbãtɔwo.”" data/train/MAT/MAT_018_Verse_004.mp3,"Azɔ Yesu do lo sia be, “Dziƒofiaɖuƒe la sɔ kple fia aɖe si di be yeawɔ akɔnta kple eƒe dɔlawo la." data/train/MAT/MAT_014_Verse_019.mp3,"Herod di be yeawu Yohanes, gake enɔ vɔvɔ̃m be ʋunyaʋunya ava dzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila." data/train/MAT/MAT_022_Verse_041.mp3,"Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.” Yesu gblɔ na wo be, “Enyo, mitsɔ nu sia nu si nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye miatsɔ nu sia nu si nye Mawu hã tɔ la na Mawu.”" data/train/MAT/MAT_010_Verse_024.mp3,"Ne ame aɖe gbe metsɔ eƒe atitsoga dze yonyeme o la, eya hã medze anye tɔnye o." data/train/MAT/MAT_021_Verse_043.mp3,"Yohanes ƒe mawutsidetaname ɖe, afi ka wòtso? Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?” Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋuti miexɔ edzi se o ɖo?’" data/train/MAT/MAT_005_Verse_006.mp3,"Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo hã le konyi fam la, elabena woafa akɔ na mi!" data/train/MAT/MAT_008_Verse_029.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, megbɔna be mada gbe le wò dɔnɔ la ŋu na wò.”" data/train/MAT/MAT_022_Verse_022.mp3,"“Fia la ɖe gbe na eŋutimewo be, ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo, eye miatsɔe aƒu gbe ɖe blukɔ tsiɖitsiɖi me le xexe, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ,’" data/train/MAT/MAT_026_Verse_013.mp3,"Azɔ Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “Ɛ̃, nye tututue, eye madidi o la, miakpɔ nye Amegbetɔ Vi la manɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye matrɔ ava le dziƒo ƒe lilikpowo me.”" data/train/MAT/MAT_025_Verse_039.mp3,"“ ‘Mixɔ ga la le ame vɔ̃ɖi sia si, eye miatsɔe na ame si si sidi akpe ewo le la," data/train/MAT/MAT_001_Verse_000.mp3,"Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo," data/train/MAT/MAT_004_Verse_011.mp3,ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutowo me. data/train/MAT/MAT_023_Verse_009.mp3,"“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpatɔwo! Mieklɔa kplu kple nuɖugba ŋuti, gake wo me yɔ fũu kple ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi." data/train/MAT/MAT_013_Verse_048.mp3,"Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, nyagblɔɖila geɖewo kple ame dzɔdzɔe geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele, eye yewoase nya siwo sem miele la, gake womete ŋui o." data/train/MAT/MAT_003_Verse_004.mp3,"Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ, eye wònɔ go dom le tsia me la, dziƒo nu ʋu, eye Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le akpakpa ƒe nɔnɔme me, wònɔ ɖiɖim ɖe edzi." data/train/MAT/MAT_005_Verse_048.mp3,"“Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui la kaba esi miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã, eye woade wò mɔ." data/train/MAT/MAT_027_Verse_063.mp3,yi ɖe Pilato gbɔ hebia Yesu ƒe ŋutilã kukua. Pilato ɖe gbe be woakɔ Yesu ƒe ŋutilã kuku la nɛ. data/train/MAT/MAT_007_Verse_002.mp3,"Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe menye wò ŋkɔ mee míegblɔ nya ɖi le, míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le, eye míewɔ nukunu geɖewo le oa?’" data/train/MAT/MAT_005_Verse_016.mp3,"gake nye ya mele egblɔm na mi be, ne ŋutsu aɖe kpɔ nyɔnu aɖe, eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me." data/train/MAT/MAT_027_Verse_011.mp3,"Azɔ la, Yesu tsi tsitre ɖe Pilato, Roma dziɖuɖu la ƒe mɔmefia ƒe ŋkume. Gɔvina la biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, abe ale si miegblɔe ene.”" data/train/MAT/MAT_016_Verse_007.mp3,"Esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonyeme," data/train/MAT/MAT_020_Verse_014.mp3,"Gadzikpɔla la yɔ ame siwo yi agble la me le ga atɔ̃ me la vɛ, eye wòxe ŋkeke ɖeka blibo ƒe fetu na wo dometɔ ɖe sia ɖe." data/train/MAT/MAT_024_Verse_046.mp3,"Nu vɔ̃ wɔwɔ axɔ aƒe ale gbegbe be, ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃nu atsi." data/train/MAT/MAT_010_Verse_034.mp3,"Nenye be miexɔ Nyagblɔɖila aɖe be enye Mawu ƒe ame la, woana fetu si ƒomevi woana Nyagblɔɖila la ke miawo hã, eye nenye be miexɔ ame nyui siwo vɔ̃a Mawu le woƒe dzadzɛnyenye ta la, woana fetu si woana woawo hã mi." data/train/MAT/MAT_006_Verse_027.mp3,Na nuɖuɖu si míaɖu egbe la mi. data/train/MAT/MAT_005_Verse_036.mp3,"“Mise eme nyuie be, menye ɖe meva be mate fli ɖe Mose ƒe seawo kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuxlɔ̃amenyawo me o. Gbeɖe, menye nu siawo wɔ ge meva o, ke boŋ ɖe meva be mawu seawo nu, eye mafia woƒe nyateƒenyenye." data/train/MAT/MAT_027_Verse_028.mp3,"eya ta míedi be nàɖe gbe ne woatre yɔdo la nu va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe, ale be eƒe nusrɔ̃lawo mate ŋu ayi aɖafi eƒe ŋutilã kukua ahable amewo be etsi tsitre o. Nenye be nu sia va eme la, ekema nu si adzɔ fifia la, awu gbãtɔ.”" data/train/MAT/MAT_015_Verse_024.mp3,"Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ele eme nenema, gake avuvi siwo le kplɔ̃ te la ɖua abolo wuwlui siwo gena ɖe anyigba tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.”" data/train/MAT/MAT_013_Verse_055.mp3,"Yesu yi edzi kple lododo bubu be, “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi nuʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me, eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.”" data/train/MAT/MAT_019_Verse_018.mp3,"Megale egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.”" data/train/MAT/MAT_022_Verse_035.mp3,"“Nufiala, se kae nye gãtɔ wu le Mose ƒe seawo dome?”" data/train/MAT/MAT_008_Verse_016.mp3,"Hakplɔlawo ŋutɔ lé du tsɔ sesĩe yi du si te ɖe afi ma ŋu la me, eye wogblɔ nu si dzɔ kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃ do go le la ƒe nyawo na dua me tɔwo." data/train/MAT/MAT_018_Verse_012.mp3,"Fia la do dɔmedzoe ɖe ŋutsu sia ŋu vevie, eye wòna wodee gaxɔ me, afi si fukpekpe le, be wòanɔ afi ma va se ɖe esime wòaxe fe siwo katã wònyi la, pesewa afã hã masusɔ o." data/train/MAT/MAT_027_Verse_040.mp3,"Ke esi wònɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a ɖo gbedeasi sia ɖee be, “Mègaka asi ame dzɔdzɔe ma ŋuti o, elabena etsɔ si va yi ƒe zã la, meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe tso eŋuti.”" data/train/MAT/MAT_018_Verse_011.mp3,"Fenyila la mate ŋu axe fe la o, eya ta fia la ɖe gbe be woadzra ŋutsu sia srɔ̃, viawo kple woƒe nu sia nu atsɔ axe fe lae." data/train/MAT/MAT_017_Verse_002.mp3,"Esi wofɔ mo dzi la, Yesu ɖeka ko wokpɔ." data/train/MAT/MAT_010_Verse_023.mp3,"Ne ame aɖe ana tsi fafɛ kplu ɖeka ame gblɔe siawo dometɔ ɖeka, be enye nye nusrɔ̃la ta la, mele egblɔm na mi le nyateƒe me be mabu fetu si wòaxɔ la o.”" data/train/MAT/MAT_017_Verse_018.mp3,"Mekplɔe vɛ na wò nusrɔ̃lawo, gake womete ŋu da gbe le eŋu o.”" data/train/MAT/MAT_009_Verse_033.mp3,"Yesu nya nu si nɔ woƒe susu me, eya ta ebia wo be, “Nu ka ta miele nu baɖa siawo ƒomevi susum ɖo?" data/train/MAT/MAT_007_Verse_027.mp3,"Togbɔ be tsi dza sesĩe, tɔwo ɖɔ, eye ahom tu hã la, xɔa meʋã o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe sesẽ dzi." data/train/MAT/MAT_008_Verse_023.mp3,"Mele egblɔm na mi be, ame geɖewo atso xexea me ƒe dzogoe eneawo katã dzi age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me, eye woanɔ anyi kple Abraham, Isak kple Yakob." data/train/MAT/MAT_007_Verse_020.mp3,"“Mia dometɔ kae li nenye be Via ŋutsu bia aboloe la, wòatsɔ kpe nɛ?" data/train/MAT/MAT_014_Verse_009.mp3,"Dɔnɔ aɖewo va ɖe kuku na Yesu be yewoaka asi eƒe awu to ko, eye ame siwo katã ka asi eƒe awu to la kpɔ dɔyɔyɔ." data/train/MAT/MAT_009_Verse_031.mp3,Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta amegã la ƒe aƒe me enumake. data/train/MAT/MAT_026_Verse_011.mp3,"Azɔ Yesu trɔ ɖe amehawo gbɔ ƒo nu na wo be, “Nu vɔ̃ wɔla kple hlɔ̃dola menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoaléma? Menɔ mia dome, gblɔ nya le miaƒe gbedoxɔ me gbe sia gbe, ke miete ŋu wɔ naneke o." data/train/MAT/MAT_026_Verse_069.mp3,"Yesu trɔ va nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ, kasia ekpɔ be wonɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Eyɔ Petro, eye wòbiae be, “Ke miate ŋu anɔ ŋu kplim gaƒoƒo ɖeka teti hã oa?" data/train/MAT/MAT_022_Verse_006.mp3,“Dziƒofiaɖuƒe la le abe fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ gã aɖe na via ene. data/train/MAT/MAT_012_Verse_026.mp3,"“Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si metia, ame si melɔ̃ eye mekpɔa ŋudzedze le, matsɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe eya amea dzi ne woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo." data/train/MAT/MAT_013_Verse_032.mp3,"Futɔ si ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe blia me lae nye Abosam. Nuŋeɣi lae nye xexea me ƒe nuwuwu, eye nuŋelawoe nye mawudɔlawo." data/train/MAT/MAT_006_Verse_011.mp3,"“Eya ta ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi, be amewo nakafu yewo ene o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, woxɔ woƒe fetu la katã xoxo." data/train/MAT/MAT_019_Verse_029.mp3,"Ŋutsu la gabiae be, “Se kawoe?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woawoe nye, mègawu ame o; mègawɔ ahasi o; megafi fi o; mègada alakpa o;" data/train/MAT/MAT_026_Verse_019.mp3,"Enumake Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ be, “Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃” la dzi. Ale wòdo go, eye wòfa avi vevie." data/train/MAT/MAT_010_Verse_011.mp3,"“Mele egblɔm na mi be nɔvi ahe nɔvi ade ku me, eye vi fofo ade eya ŋutɔ via asi. Ɖeviwo atsi tsitre ɖe wo dzilawo ŋuti, eye woahe wo ade ku me." data/train/MAT/MAT_012_Verse_040.mp3,"Ne miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi." data/train/MAT/MAT_026_Verse_033.mp3,"Eƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe nunɔlagã la, ale woƒu asi akɔta gblɔ be, “Mise ɖa, ame sia gblɔ busunya. Megahiã be ame bubu aɖeke naɖi ɖase o. Mí katã míese eƒe numegbe xoxo." data/train/MAT/MAT_001_Verse_005.mp3,"Azɔ Yosef, ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye nuteƒewɔla, eya ta medi be yeado ŋukpe Maria le dutoƒo o; eɖoe be yeagbee le adzame." data/train/MAT/MAT_026_Verse_060.mp3,"Nya sia ɖi ɖe nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wolé blanui. Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsi dzodzodzoe, eye wobiae be, “Aƒetɔ nyea? Aƒetɔ nyea?”" data/train/MAT/MAT_021_Verse_029.mp3,"Mlɔeba la, agbletɔ la dɔ Via ŋutsu ɖa kple susu sia be woade bubu eya ŋu, elabena enye via." data/train/MAT/MAT_010_Verse_037.mp3,"“Nya siwo gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔ wo le kekeli me. Ne mede gbe to me na mi la, miɖe gbeƒãe le xɔwo tame." data/train/MAT/MAT_013_Verse_057.mp3,Ɖe nɔvia nyɔnuwo katã mele mía dome oa? Ekema afi ka gɔ̃ ŋutsu sia kpɔ nu siawo katã tsoe?” data/train/MAT/MAT_028_Verse_001.mp3,"Azɔ miɖe abla miayi aɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be etsi tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòyina ɖe Galilea be miava kpe ye le afi ma. Mixɔ nye gbedeasi sia yi na wo.”" data/train/MAT/MAT_006_Verse_009.mp3,"Eya ta migatsi dzi anɔ biabiam be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka miano?’ alo, ‘Nu ka míata?’ o." data/train/MAT/MAT_026_Verse_017.mp3,"Emegbe la, etsɔ wainkplu la hã ɖe asi, do gbe ɖa ɖe eta, eye wòtsɔe na wo be woano. Egagblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mi katã mixɔe no," data/train/MAT/MAT_002_Verse_002.mp3,"Ale Yosef tso enumake, eye wòkplɔ Yesu kple dadaa trɔ yi Israelnyigba dzi." data/train/MAT/MAT_017_Verse_012.mp3,"Ke mele egblɔm na mi be, Eliya gatrɔ va xoxo, gake amewo mekpɔe dze sii o, eya ta wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔe la. Nenema ke Amegbetɔ Vi la hã akpe fu le woƒe asimee.”" data/train/MAT/MAT_009_Verse_009.mp3,"Esime wonɔ mɔa dzi la, nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la va ka asi eƒe awu to," data/train/MAT/MAT_026_Verse_003.mp3,"Ame dahewo li kpli mi gbe sia gbe, ke nye la, nyemanɔ mia gbɔ tegbee o." data/train/MAT/MAT_027_Verse_007.mp3,"Ameha la do ɣli sesĩe be, “Eƒe ʋukɔkɔɖi ƒe tohehe neva mí kple mía viwo dzi faa!”" data/train/MAT/MAT_025_Verse_037.mp3,"Meva dze mi abe amedzro ene, gake miexɔm o, menɔ amama, gake mietsɔ awu nam be mado o, medze dɔ, gake mieva kpɔm ɖa o, wodem gaxɔ me, gake medzro mi be miava do gbe teti hã nam o.’" data/train/MAT/MAT_020_Verse_034.mp3,"Ɖe mɔ meli be be ame naxe ga home si dze eŋu la na nɔvia? Ɖe wòle be miado dziku, elabena mewɔ dɔmenyoa?’" data/train/MAT/MAT_003_Verse_013.mp3,"“Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, mitrɔ ɖe Mawu ŋuti, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo.”" data/train/MAT/MAT_018_Verse_030.mp3,"“Nyateƒe, mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabla le anyigba dzi la anɔ babla le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo." data/train/MAT/MAT_026_Verse_023.mp3,"Esi wònye be nye ku gbɔna kpuie ta la, ekɔ ami ʋeʋĩ la ɖe dzinye be wòadzra nye ŋutilã ɖo hena ɖiɖi." data/train/MAT/MAT_025_Verse_003.mp3,"ale menɔ vɔvɔ̃m be ne mekpɔ viɖe aɖe ɖe ga la dzi la, àxɔe le asinye bɔbɔe, eya ta metsɔ wò ga la ɣla ɖe to, eye esi nèva la, mehee ɖe go. Eyae nye esi.’" data/train/MAT/MAT_011_Verse_012.mp3,"eye ne miedi be yewoaxɔ nya siwo gblɔm mele la, ekema minyae be Yohanes ye nye Eliya, ame si Nyagblɔɖilawo gblɔ be ava do ŋgɔ la." data/train/MAT/MAT_003_Verse_000.mp3,"Ame geɖewo tso Yerusalem, eye bubuwo hã tso Yɔdan tɔsisi la ƒe gowo dzi kple Yudea nutowo me godoo va afi si Yohanes nɔ mawunya gblɔm le la be yewoaɖo toe." data/train/MAT/MAT_005_Verse_014.mp3,"Eye ne èta Anyigba la, edze agɔ ake, elabena anyigbae nye eƒe afɔɖodzinu. Nenema ke migagblɔ be meta ‘Yerusalem’ hã o, elabena Yerusalem nye Fiagã la ƒe du." data/train/MAT/MAT_028_Verse_000.mp3,"Ale asrafoawo xɔ ga la, eye wogblɔ nu si woɖo na wo be woagblɔ la. Nya la kaka ɖe Yudatɔwo dome gbẽe, eye woxɔe se va se ɖe egbegbe gɔ̃ hã." data/train/MAT/MAT_013_Verse_038.mp3,"Ke nuku aɖewo hã ge ɖe anyigba nyuitɔ dzi, eye womie, tsi hetse ku geɖewo, ɖewo tse blaetɔ̃, bubuwo tse blaade, eye ɖewo hã tse alafa." data/train/MAT/MAT_012_Verse_036.mp3,Miexlẽe le Mose ƒe Segbalẽ la me kpɔ be nunɔla siwo le dɔ wɔm le gbedoxɔ me la gblẽa Dzudzɔgbe ŋkeke ƒe kɔ la me le gbedoxɔ me gake nu vɔ̃ mele wo ŋu oa? data/train/MAT/MAT_019_Verse_009.mp3,"eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, nɔviŋutsuwo, nɔvia nyɔnuwo, fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo alo eƒe nunɔamesiwo ɖi hedze yonyeme la, akpɔ wo ɖe edzi teƒe alafa ɖeka (100), eye wòanyi agbe mavɔ ƒe dome." data/train/MAT/MAT_022_Verse_010.mp3,"Esi gakplɔe ɖo lae nye be, nàlɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ wò ŋutɔ ɖokuiwò ene." data/train/MAT/MAT_009_Verse_034.mp3,"Yesu se nya la, eye wòɖo eŋu na wo gblɔ be, “Ame siwo mele dɔ lém o la mehiã atikewɔla o, ke boŋ ame siwo le dɔ lém lae hiãe." data/train/MAT/MAT_027_Verse_002.mp3,Ale wova ɖo teƒe si woyɔna be Golgata si gɔmee nye “Ametakoli Togbɛ.” data/train/MAT/MAT_026_Verse_029.mp3,"Esia ve dɔ me na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, eye wogblɔ be, “Nu ka ta wòle be ame natsɔ ga aƒu gbe ɖe yame alea? Enyo be wòawɔ esia?" data/train/MAT/MAT_019_Verse_016.mp3,"Ke esi ɖekakpui la se nya sia la, edzo kple nuxaxa, elabena enye kesinɔtɔ gã aɖe." data/train/MAT/MAT_012_Verse_041.mp3,"Nenye be Mawu ƒe Gbɔgbɔe metsɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam la, ekema minyae be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome." data/train/MAT/MAT_001_Verse_022.mp3,Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia. data/train/MAT/MAT_002_Verse_017.mp3,"Ke esi wòse be Arkelao nɔ dzi ɖum le Yudea ɖe fofoa Herod teƒe la, evɔ̃ na afi ma yiyi. Ke esi wogbe nya nɛ le drɔ̃eƒe ta la, eyi Galilea nutowo me," data/train/MAT/MAT_011_Verse_018.mp3,"“ ‘Míedzi dzidzɔhawo na mi, gake miekpɔ dzidzɔ o, eya ta míedzi kuhawo, gake miefa konyi hã o!’" data/train/MAT/MAT_008_Verse_014.mp3,"Gbe ma gbe ƒe fiẽ la, wokplɔ ame geɖe siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu ɖem na la va Yesu gbɔ, eye ne wògblɔ nya ɖeka ko la, gbɔgbɔ vɔ̃awo doa go le ameawo me hesina dzona. Ale dɔnɔwo katã ƒe lãme sẽ." data/train/MAT/MAT_028_Verse_005.mp3,"Esi nyɔnuawo le gegem ɖe dua me la, asrafo siwo nɔ yɔdo la ŋuti dzɔm la ƒe ɖewo va nunɔlagãwo gbɔ hegblɔ nu si va dzɔ la na wo." data/train/MAT/MAT_002_Verse_009.mp3,"Esi ɣletivimenunyalawo dzo vɔ la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe. Egblɔ nɛ be, “Tso kpla nàkplɔ ɖevi la kple dadaa, eye nàsi ayi Egipte, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime magblɔe na wò, elabena Fia Herod le ɖevi la di ge be yeawu.”" data/train/MAT/MAT_025_Verse_032.mp3,"“Ke ame si xɔ sidi akpe ɖeka la ya yi ɖaɖe do ɖe anyigba, eye wòtsɔ eƒe Aƒetɔ ƒe ga la ɣla ɖe eme be wòanɔ dedie." data/train/MAT/MAT_010_Verse_031.mp3,"Nenye be miege ɖe aƒe aɖe me la, mido gbe na ameawo, eye miabia dzeƒe ɖokuibɔbɔtɔe." data/train/MAT/MAT_021_Verse_009.mp3,"Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe’, gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”" data/train/MAT/MAT_023_Verse_008.mp3,"“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Ɖeko miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple nu makɔmakɔ bubuwo." data/train/MAT/MAT_011_Verse_006.mp3,"Elabena Se la kple Nyagblɔɖilawo katã va se ɖe Yohanes dzi gblɔe da ɖi," data/train/MAT/MAT_005_Verse_026.mp3,"Mègagblɔ be meta ‘Nye ta’ gɔ̃ hã o, elabena màte ŋu atrɔ wò ɖakui ɖeka pɛ hã wòafu alo anyɔ o." data/train/MAT/MAT_005_Verse_044.mp3,"Nenema ke ne wò nuɖusie nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ne nàtsɔ aƒu gbe, elabena enyo be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.”" data/train/MAT/MAT_020_Verse_030.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Mènya nu si biam nèle la o!” Azɔ etrɔ ɖe Yakobo kple Yohanes ŋu, eye wòbia wo be, “Miawo hã, miate ŋu anɔ te ɖe fu dziŋɔ si kpe ge mala kpuie la nua?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míate ŋui.”" data/train/MAT/MAT_016_Verse_017.mp3,"Nye Amegbetɔ Vi la mava kple nye dɔlawo le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe me, eye madrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu." data/train/MAT/MAT_022_Verse_037.mp3,"‘Nyee nye Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu’ oa? Eya ta minyae be Mawu la menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawu wònye.”" data/train/MAT/MAT_021_Verse_019.mp3,"eye woyi ɖakplɔ tedziawo vɛ nɛ. Azɔ wotsɔ woƒe awuwo ɖo ɖe tedziawo dzi, eye Yesu nɔ wo dzi." data/train/MAT/MAT_008_Verse_032.mp3,"Yesu ƒe nu ku le aʋafia la ƒe nyawo ŋuti. Azɔ etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o." data/train/MAT/MAT_004_Verse_006.mp3,"Esi wogazɔ yi ŋgɔ vie ko la, Yesu kpɔ nɔviŋutsu eve siwo ŋkɔwoe nye, Yakobo kple Yohanes kple wo fofo Zebedeo le ʋu me wonɔ woƒe ɖɔ vuvuwo sam. Yesu yɔ nɔviŋutsu eveawo hã be woava dze ye yome." data/train/MAT/MAT_017_Verse_007.mp3,"Esia megbe la, nusrɔ̃lawo va bia Yesu dzaa be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o mahã?”" data/train/MAT/MAT_006_Verse_021.mp3,"Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi me.’" data/train/MAT/MAT_013_Verse_023.mp3,"Esi wònɔ nukua wum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔ wo mi." data/train/MAT/MAT_022_Verse_003.mp3,"Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ mia dome, woƒe tsitsitɔ ɖe srɔ̃, gake medzi vi kple nyɔnu la hafi ku o, ale eyometɔ xɔ ahosi la ɖe." data/train/MAT/MAT_005_Verse_013.mp3,"eya ta ne ame aɖe da le se siawo ƒe suetɔ kekeake dzi, eye wòfia amewo hã be woada le edzi la, eyae anye suetɔ kekeake le dziƒofiaɖuƒe la me. Ke ame siwo fiaa Mawu ƒe seawo, eye wowɔna ɖe wo dzi la, woayɔ wo be gã le dziƒofiaɖuƒe la me." data/train/MAT/MAT_005_Verse_010.mp3,"Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo yome woti le dzɔdzɔenyenye ta, elabena miawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”" data/train/MAT/MAT_026_Verse_071.mp3,"Yesu zɔ yi ŋgɔ vie, dze klo, eye wòtsyɔ mo anyi. Azɔ edo gbe ɖa be, “Fofonye, ne anɔ bɔbɔe la, ekema ɖe agba sia ɖa le dzinye. Gake menye ale si medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”" data/train/MAT/MAT_013_Verse_047.mp3,"“Megale egblɔm na mi be, dziƒofiaɖuƒe la ɖi dzonusitsala si le dzonu nyuiwo dim be yeaƒle adzra la." data/train/MAT/MAT_018_Verse_032.mp3,"Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ, eye wòtsɔe ɖo nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume." data/train/MAT/MAT_011_Verse_003.mp3,"Egblɔ yi edzi be, “Fofonye tsɔ nu siwo katã nye nyateƒe la de asi nam. Fofo la koe nya ame si ƒomevi Vi la nye, eye Vi la kple ame siwo Vi la ɖee fia la koe nya Fofo la.”" data/train/MAT/MAT_026_Verse_002.mp3,"Alo mènya be mate ŋu abia Fofonye, eye wòana mawudɔla akpeakpewo mí be woadzɔ mía ŋu oa?" data/train/MAT/MAT_005_Verse_015.mp3,"gake nye ya, mele egblɔm na mi be, migata nu kura o, elabena ne ègblɔ be meta Dziƒo la, èdze agɔ, elabena dziƒoe nye Mawu ƒe nɔƒe." data/train/MAT/MAT_024_Verse_044.mp3,"Nenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Kristo la va ɖo,’ eye wòle afii alo afi mɛ alo ‘wokpɔe le afi aɖe la,’ migaxɔe se o," data/train/MAT/MAT_019_Verse_027.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo, elabena miaƒe dzi me sẽ, gake menɔ alea le gɔmedzedzea me o," data/train/MAT/MAT_004_Verse_001.mp3,"Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la, wonɔ eyome kplikplikpli. Ame siawo tso Galilea nuto me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisi la ƒe go evelia dzi ke." data/train/MAT/MAT_010_Verse_028.mp3,Nenie nye akpakpa ɖeka ƒe home? Menye sidi ɖeka pɛ koe oa? Ke wo dometɔ ɖeka pɛ hã meli si dzena ɖe anyigba dzi si mia Fofo la mekpɔna o. data/train/MAT/MAT_019_Verse_028.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm be, nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la, menɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi le nye fiaɖuƒe me le ŋutikɔkɔe gã me la, ekema miawo hã mianɔ fiazikpui wuieve dzi, adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe to wuieveawo," data/train/MAT/MAT_002_Verse_014.mp3,"eye wonɔ afi ma va se ɖe esime Fia Herod ku. Ale wowu nya si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu be, “Egipte meyɔ vinye la tsoe.”" data/train/MAT/MAT_021_Verse_030.mp3,"Ne ame aɖe bia gbe mi la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm, eye ne miegblɔ esia la, womagabia nya aɖeke mi o.’ ”" data/train/MAT/MAT_028_Verse_011.mp3,"Mawudɔla la ƒe mo nɔ keklẽm abe dzikedzo ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe ɖetifu ene." data/train/MAT/MAT_012_Verse_034.mp3,"Mewɔa fu ame gblɔewo alo tsia woƒe mɔkpɔkpɔ suetɔ gɔ̃ hã nu o. Le eƒe dziɖuɖu mamlɛtɔ me la, atsi dzrehehe ɖe sia ɖe nu," data/train/MAT/MAT_024_Verse_011.mp3,“Baba na funɔwo kple ame siwo si vidzĩwo le le ŋkeke mawo me. data/train/MAT/MAT_008_Verse_002.mp3,"Ame bubu aɖe si nye eyomedzelawo dometɔ ɖeka la hã gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye gbã hafi.”" data/train/MAT/MAT_008_Verse_018.mp3,"Kasia anyidzela aɖe zɔ tẽe va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòde ta agu nɛ hegblɔ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ.”" data/train/MAT/MAT_004_Verse_015.mp3,"Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka ɖe teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔenu ke. Ale dɔnɔwo tso kekeke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖanye lãmevee, tsukuku, lãmetutu, kpeŋui, gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o, eda dɔ siawo katã." data/train/MAT/MAT_012_Verse_018.mp3,"Eyi edzi be, “Ame si le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae nye danye, nɔvinye ŋutsu kple nɔvinye nyɔnu.”" data/train/MAT/MAT_026_Verse_005.mp3,"Ate ŋu adzra ami sia, akpɔ ga home gã aɖe atsɔ na ame dahewo ɖe!”" data/train/MAT/MAT_013_Verse_021.mp3,"Esi bliawo de asi tsitsi me la, gbeku vɔ̃awo hã tsi kpli wo." data/train/MAT/MAT_006_Verse_015.mp3,"Ke ne miawo mietsi nu dɔ la, midzra mia ɖokui ɖo nyuie abe ɖe miele naneke wɔm o ene," data/train/MAT/MAT_008_Verse_004.mp3,"Egblɔ be, “Aƒetɔ, nye dɔla le lãmetutudɔ lém, emlɔ anyi ɖe aƒe me, eye wòle vevesese gã aɖe me.”" data/train/MAT/MAT_014_Verse_001.mp3,"ale wògblɔ na eƒe amewo be, “Edze ƒãa be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, eya ta wòte ŋu le nukunu geɖe siawo wɔm ɖo.”" data/train/MAT/MAT_027_Verse_038.mp3,"“Ke alee wòle! Àte ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Màte ŋui oa? Ne àte ŋui, eye nènye Mawu ƒe Vi tututu la, ɖe ɖokuiwò le atitsoga la ŋuti!”" data/train/MAT/MAT_022_Verse_029.mp3,"Ke ɖewo do dɔmedzoe ɖe dɔlawo ŋu, ƒo wo vevie, eye woɖi gbɔ̃ ɖewo gɔ̃ hã." data/train/MAT/MAT_007_Verse_005.mp3,"Ati sia ati si metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me," data/train/MAT/MAT_023_Verse_028.mp3,"Migayɔ ame aɖeke le anyigba dzi afi sia be ‘fofo’ o, elabena ‘Fofo’ ɖeka koe le mia si, eyae le dziƒo." data/train/MAT/MAT_028_Verse_008.mp3,"Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe, elabena mawudɔla aɖe si tso Aƒetɔ la gbɔ la ɖi tso dziƒo va mli kpe gã la ɖa, eye wònɔ anyi ɖe edzi." data/train/MAT/MAT_016_Verse_008.mp3,"eye le ŋdi la, miegblɔna be, ‘Egbe ahom atu, elabena akpɔ̃ ɖo, eye yame biã.’ Mienya ale si miaɖe dziƒo ƒe nɔnɔme gɔme, gake mietea ŋu dzea si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o." data/train/MAT/MAT_026_Verse_059.mp3,"Nusrɔ̃lawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ, eye wodzra ɖo na Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu le afi ma." data/train/MAT/MAT_004_Verse_016.mp3,Petro kple nɔvia Andrea ɖe asi le asabu la ŋu enumake hekplɔ Yesu ɖo. data/train/MAT/MAT_023_Verse_006.mp3,"“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietu dziƒofiaɖuƒe la ƒe agbo ɖe amewo nu. Miawo ŋutɔ miele eme yi ge o, eya ta mieɖe mɔ be ame siwo le agbagba dzem be yewoage ɖe eme la hã nayi eme o." data/train/MAT/MAT_025_Verse_017.mp3,"Ekema dukɔ siwo katã le xexea me alo ame siwo katã le xexea me la aƒo ƒu ɖe ŋkunyeme, eye mama ameawo me ɖe akpa eve abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo ɖa tso gbɔ̃wo gbɔe ene." data/train/MAT/MAT_022_Verse_027.mp3,"Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, mabia mi be miexlẽ mawunya kpɔ oa? Mienyae be miawoe Mawu nɔ nu ƒom na esi wògblɔ be," data/train/MAT/MAT_018_Verse_027.mp3,"Nenye be wògbe esia hã la, tsɔ nya la yi na hame la, eye ne hame la tso afia na wò, gake melɔ̃ ɖe edzi o la, mibu eya amea abe trɔ̃subɔla alo nudzɔla ko ene." data/train/MAT/MAT_005_Verse_008.mp3,"Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo léa avu la, elabena miawoe woayɔ be Mawu ƒe viwo." data/train/MAT/MAT_007_Verse_023.mp3,"“Mige ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena agbo la keke, mɔ la hã le gbadzaa, eye wòkplɔa ame yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewoe le eme tom le gegem ɖe eme." data/train/MAT/MAT_010_Verse_016.mp3,"“Migatsɔ ga aɖeke de miaƒe gabusuwo me na miaƒe mɔzɔzɔ o," data/train/MAT/MAT_021_Verse_027.mp3,"“Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la be, ‘Wò Fia la gbɔna gbɔwò, edo tedzi kple tedzivi si nye dɔwɔlã!’ ”" data/train/MAT/MAT_023_Verse_007.mp3,"“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miewɔ ŋkuɖodzikpe na nyagblɔɖilawo, eye mieɖo atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔewo ƒe yɔdowo," data/train/MAT/MAT_015_Verse_011.mp3,"Ke nyɔnu la te ɖe eŋu kpokploe hede ta agu nɛ gaɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, ve nunye ko!”" data/train/MAT/MAT_012_Verse_005.mp3,"ekema egblɔna be, ‘Matrɔ agayi aƒe si me medo le la boŋ.’ Ne etrɔ va la, ekpɔna be aƒea me ɖi gbɔlo, wokplɔ eme nyuie, eye nu sia nu le ɖoɖo nu." data/train/MAT/MAT_022_Verse_000.mp3,"“Aleke miekpɔ tso Kristo la ŋutɔ ŋu? Ame ka ƒe vie wònye?” Woɖo eŋu nɛ be, “David ƒe vie!”" data/train/MAT/MAT_005_Verse_045.mp3,"Nenye wò ŋku ɖusimetɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe ne nàtsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔ me." data/train/MAT/MAT_011_Verse_007.mp3,"Enye nyateƒe be le amegbetɔƒomea katã dome la, ame aɖeke mede ŋgɔ wu Yohanes Mawutsidetanamela o. Ke megale egblɔm na mi kple kakaɖedzi hã be, ame suetɔ kekeake si le dziƒofiaɖuƒe la me la kɔ wu eya amea!" data/train/MAT/MAT_005_Verse_019.mp3,"Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me." data/train/MAT/MAT_005_Verse_020.mp3,"Ke nye la mele egblɔm na mi be, nenye be nyɔnu aɖe mewɔ ahasi o, gake srɔ̃a gbee, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ekema ŋutsu lae na wòwɔ ahasi, eye ŋutsu si agaɖe nenem nyɔnu sia hã wɔ ahasi.”" data/train/MAT/MAT_016_Verse_019.mp3,"Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi.”" data/train/MAT/MAT_006_Verse_016.mp3,"Ke ne miena nu ame dahe aɖe la, migana miaƒe miabɔ nanya nu si wɔm miaƒe ɖusibɔ le la o," data/train/MAT/MAT_027_Verse_013.mp3,"Egblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃, elabena mede ame maɖifɔ asi.” Ke woɖo eŋu nɛ be, “Wò nyae nye ema, ɖeke meka mí o.”" data/train/MAT/MAT_001_Verse_002.mp3,"Ale tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi la, dzidzimeawo katã le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esime woɖe aboyo Israel yi Babilonia la, dzidzimeawo le wuiene, nenema ke tso aboyomenɔɣi va se ɖe Kristo dzi hã le dzidzime wuiene." data/train/MAT/MAT_026_Verse_039.mp3,"Ke eteƒe medidi o la, ame siwo tsi tsitre ɖe afi ma la te ɖe Petro ŋu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, míenya be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye. Wò nuƒo hã sɔ kple Galileatɔwo tɔ pɛpɛpɛ.”" data/train/MAT/MAT_022_Verse_030.mp3,"Le tsitretsitsiŋkeke la dzi la, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o; amewo katã anɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene." data/train/MAT/MAT_012_Verse_038.mp3,"Ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Amegbetɔ Vi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti la, womatsɔe akee le agbe sia kple agbe si le vava ge la me o." data/train/MAT/MAT_002_Verse_010.mp3,"Esia megbe la, Herod dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa, eye wòbia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi gbãtɔ la na ye, eye wogblɔe nɛ. Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia be," data/train/MAT/MAT_009_Verse_012.mp3,"Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”" data/train/MAT/MAT_006_Verse_019.mp3,"Ke nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu na mi sãa wu gbe siawo oa? O mi xɔse ʋɛ tɔwo?" data/train/MAT/MAT_011_Verse_022.mp3,"Ne ame aɖe le klalo be yease nu la, nesee azɔ!" data/train/MAT/MAT_010_Verse_030.mp3,"Nenye be aƒea me tɔwo nye mawuvɔ̃lawo vavã la, miyra wo, ke ne womele nenema o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi." data/train/MAT/MAT_022_Verse_033.mp3,Mitsɔ kɔba aɖe si wotsɔna xea dugae la vɛ nam makpɔ.” Eye wotsɔ Roma ga ɖeka va fiae. data/train/MAT/MAT_011_Verse_023.mp3,"Ne mele eme nenema o ɖe, nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge? Ame si do awu nyuiwoa? Ao, ame siwo do awu nyuiwo la le fiasãwo me." data/train/MAT/MAT_027_Verse_027.mp3,"Eya ta esi mɔmefia la gabia be, “Ame eve siawo dometɔ ka ŋutie maɖe asi le na mi?” La, ameha la do ɣli sesĩe be, “Barabas!”" data/train/MAT/MAT_024_Verse_002.mp3,"ale be miede asi dɔla bubuawo ƒoƒo me hele nutsuɖuɖu kple ahamumu dzi la," data/train/MAT/MAT_013_Verse_049.mp3,"Nu sia tae metsɔa lododo fia nu amewoe ɖo be; “Togbɔ be woanɔ nua kpɔm hã la, womakpɔe adze sii o, eye woanɔ esem, gake womase egɔme o." data/train/MAT/MAT_009_Verse_036.mp3,"Yesu tsa le kɔƒe kple du siwo le nuto ma me la kpe ɖo. Enɔ mawunya gblɔm le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la hã, eye afi sia afi si wòyi la, edaa gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu." data/train/MAT/MAT_018_Verse_015.mp3,"“Ke dɔla la dze klo ɖe fia la ƒe akɔme ɖe kuku nɛ be, ‘O, Aƒetɔ, meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie, ne mava xe fe la katã na wò emegbe.’" data/train/MAT/MAT_015_Verse_002.mp3,"Ameha gã aɖe nye zi ɖe edzi le afi sia. Wokplɔ dɔnɔ siwo nye lãmetututɔwo, ŋkunɔwo, aɖetututɔwo, nuwɔametɔwo kple dɔ bubu ƒomevi geɖe lélawo la vɛ nɛ, eye wòyɔ dɔ wo katã." data/train/MAT/MAT_022_Verse_038.mp3,"Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kpe ɖe Herod dunyahelawo ŋu, eye wobiae be, “Nufiala, míenyae be ame si de blibo lae nènye, eye nèfiaa Mawu ƒe mɔ le nyateƒe la nu. Amewo ƒe nyagbɔgblɔ meblea nuwò o, elabena mètsɔa ɖeke le nu si wonye la me o." data/train/MAT/MAT_019_Verse_007.mp3,"Esia ta womeganye ame eve o, ke boŋ ame ɖeka, eya ta nu si ke Mawu bla la, amegbetɔ aɖeke megama eme o.”" data/train/MAT/MAT_024_Verse_035.mp3,"“Le ɣeyiɣi mawo me la, amewo ade mi asi na yometitiwo kple wuwu gɔ̃ hã." data/train/MAT/MAT_024_Verse_005.mp3,Ame si le eƒe xɔ ta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke le eme o. data/train/MAT/MAT_012_Verse_048.mp3,"Yesu nya nu si gblɔm wonɔ, eya ta eɖo eŋu na wo be, “Fiaɖuƒe si ma ɖe akpa eve, eye wotsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la azu aƒedo, eye du alo aƒe si ma hetsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la agbã." data/train/MAT/MAT_026_Verse_006.mp3,"Azɔ amewo ƒu du ɖe edzi, ɖe ta ɖe eŋu, eye ɖewo tu kɔe, ƒo tome nɛ" data/train/MAT/MAT_008_Verse_015.mp3,"Hafi wòaɖe nu le nya sia me la, Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖe va egbɔ gblɔ nɛ be, “Nufiala, nye la, makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.”" data/train/MAT/MAT_009_Verse_030.mp3,"Yesu hã bia wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ, eye le ɣe ma ɣi me la, woagbe nuɖuɖu atsi nu adɔ." data/train/MAT/MAT_013_Verse_058.mp3,"Ɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi, afi si ke sue aɖe ko nɔ; nuku siawo tsi vlɔvlɔvlɔ," data/train/MAT/MAT_021_Verse_037.mp3,"Wowɔ esia be woawu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke la nu be," data/train/MAT/MAT_010_Verse_032.mp3,"Nenye be miege ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi mawuvɔ̃la aɖe mianɔ eƒe aƒe me va se ɖe esime miadzo ayi du bubu me." data/train/MAT/MAT_021_Verse_003.mp3,Ame geɖewo ŋutɔ le ameha la dome tsɔ woƒe avɔwo kple awuwo ɖo ɖe mɔtata dzi le eŋgɔ; bubuwo hã ŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖo ɖe eŋgɔ be wòazɔ wo dzi. data/train/MAT/MAT_025_Verse_046.mp3,"Ɣe ka ɣi nèva dze mí abe amedzro ene," data/train/MAT/MAT_005_Verse_003.mp3,"“Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la, elabena wotsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi." data/train/MAT/MAT_023_Verse_013.mp3,"eye miegblɔ be, ‘Ne ɖe míenɔ agbe le mía fofowo ŋɔli la, míawɔ ɖeka kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe ʋukɔkɔɖi me o’" data/train/MAT/MAT_025_Verse_022.mp3,ele na wò be nàtsɔ ga la ada ɖe gadzraɖoƒe nam teti be wòahe viɖe vi aɖe vɛ nam. data/train/MAT/MAT_028_Verse_012.mp3,"Mawudɔla la ƒo nu na nyɔnuawo gblɔ be, “Migavɔ̃ o, elabena menya be Yesu si woklã ɖe ati ŋuti la dim miele," data/train/MAT/MAT_009_Verse_035.mp3,"Yesu trɔ ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnuvi, wò dzi nedze eme! Wò xɔse la da gbe le ŋuwò.” Tso gbe ma gbe ko la, nyɔnu la ƒe dɔa vɔ nɛ keŋ." data/train/MAT/MAT_027_Verse_010.mp3,"Azɔ la, wotu ta ɖe eŋuti, eye woxɔ atikplɔ la le esi hetsɔ ƒo dzodome nɛ sesĩe." data/train/MAT/MAT_022_Verse_039.mp3,"Wokpe ame geɖewo ɖe kplɔ̃ sia ŋu, eye esi nu sia nu sɔ gbe vɔ la, fia la ɖo dɔlawo ɖe ame kpekpeawo be woava, elabena ɣeyiɣi la ɖo be wɔnawo nadze egɔme, gake ame kpekpeawo katã gbe womeva o." data/train/MAT/MAT_007_Verse_010.mp3,"elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ." data/train/MAT/MAT_024_Verse_029.mp3,"Le nyateƒe me la, matsɔe aɖo nye nuwo katã nu." data/train/MAT/MAT_006_Verse_002.mp3,"“Ale si miado gbe ɖae nye esi: “ ‘Mía Fofo si le dziƒo, woade bubu wò ŋkɔ ŋuti," data/train/MAT/MAT_022_Verse_045.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miewɔ vodada gã aɖe ŋutɔ, elabena mienya mawunya kple Mawu ƒe ŋusẽ o." data/train/MAT/MAT_027_Verse_049.mp3,"Mlɔeba la, woɖoe be yewoatsɔ ga la aƒle abɔ aɖe si le afi si zemelawo kaa anyi le la, eye yewoatrɔe wòazu ameɖiƒe na amedzro siwo ku le Yerusalem la." data/train/MAT/MAT_020_Verse_032.mp3,"Yesu tɔ, eye wòyɔ wo vɛ hebia wo be, “Nu ka miedi be mawɔ na mi?”" data/train/MAT/MAT_005_Verse_027.mp3,"Mele nu xlɔ̃m mi be, ne miaƒe dzɔdzɔnyenye meƒo Farisitɔwo kple Yudatɔwo ƒe sefialawo tɔ ta sãa o la, miawo hã miate ŋu age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me gbeɖe o!”" data/train/MAT/MAT_027_Verse_058.mp3,"Pilato gabiae be, “Mèle nya gbogbo siwo gblɔm wole ɖe ŋutiwò la sem oa?”" data/train/MAT/MAT_025_Verse_042.mp3,"Wo dometɔ atɔ̃ nye abunɛtɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye nunyalawo." data/train/MAT/MAT_008_Verse_001.mp3,"Ale le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, dua me tɔwo katã do bibibi va ƒo zi ɖe Yesu ŋu. Esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ vevie be wòadzo le yewoƒe anyigba dzi." data/train/MAT/MAT_021_Verse_033.mp3,"Nusrɔ̃la eveawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi," data/train/MAT/MAT_027_Verse_056.mp3,"Pilato bia wo be, “Ekema nu ka mawɔ kple Yesu, miaƒe Kristo la?” Wodo ɣli hoo be, “Klãe ɖe ati ŋuti!”" data/train/MAT/MAT_022_Verse_017.mp3,"eya ta miyi mɔtatawo dzi kple ablɔwo ƒe dzogoewo me, eye ame sia ame si miakpɔ ko la, mikpee va kplɔ̃ la ŋuti.’" data/train/MAT/MAT_019_Verse_025.mp3,"Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Nyateƒe, asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ be woage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me." data/train/MAT/MAT_011_Verse_030.mp3,"ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo." data/train/MAT/MAT_019_Verse_022.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nàdzra nu sia nu si le asiwò la, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ dziƒo na wò. Ne èwɔ esia vɔ la, va nàdze yonyeme.”" data/train/MAT/MAT_026_Verse_046.mp3,"Ke Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe abɔ aɖe si woyɔna be Getsemane la me, eye wògblɔ na wo be woanɔ anyi alala ye vie. Esi wonɔ elalam la, ezɔ yi ŋgɔ vie be yeado gbe ɖa." data/train/MAT/MAT_011_Verse_010.mp3,"Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, “ ‘Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò be, wòadzra wò mɔ la ɖo.’" data/train/MAT/MAT_026_Verse_025.mp3,"Esi wonɔ nu ɖum la, nyɔnu aɖe va aƒea me kple ami ʋeʋĩ xɔasi aɖe, eye wòʋui tsɔ kɔ ɖe tame na Yesu." data/train/MAT/MAT_023_Verse_032.mp3,"Nenye be mieta vɔsamlekpui la la, ekema mietae kple nu siwo katã le edzi," data/train/MAT/MAT_027_Verse_009.mp3,"Azɔ la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo ble ameha la nu be woabia be woaɖe asi le Barabas ŋuti na yewo, eye woawu Yesu." data/train/MAT/MAT_023_Verse_022.mp3,"Mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Mieɖea nudzodzoe suetɔ kekeake le miaƒe nunonowo me ƒua gbe, gake miemia miaƒe kposɔ ya." data/train/MAT/MAT_013_Verse_010.mp3,"Anyigba alo mɔ to, afi si nuku aɖewo ge ɖo la nye ame aɖe ƒe dzi. Ame sia sea nyanyui la tso mawufiaɖuƒe la ŋuti, gake mesea egɔme o, ale Satana va ɖea nyanyui la le eƒe dzi me." data/train/MAT/MAT_010_Verse_026.mp3,"Ne du aɖe me tɔwo alo aƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi o, eye womeɖo to mi o la, miʋuʋu miaƒe afɔke ɖe teƒea ne miadzo." data/train/MAT/MAT_016_Verse_022.mp3,"Viɖe ka wòanye na mi nenye be xexea me katã zu mia tɔ, gake agbe mavɔ la bu ɖe mi? Nu kae le xexe sia me si asɔ kple agbe mavɔ?" data/train/MAT/MAT_024_Verse_016.mp3,"Elabena le ŋkeke siwo do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ me la, ameawo nɔ nu ɖum, nɔ nu nom, nɔ srɔ̃ ɖem, eye wotsɔa ame nana be woaɖe va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me," data/train/MAT/MAT_004_Verse_013.mp3,"“Mi Zebulon kple Naftali, mi anyigba siwo le ƒuta, kple anyigba siwo le Yɔdan tɔsisi la godo, va se ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe Galilea," data/train/MAT/MAT_020_Verse_033.mp3,"Ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ si dzi wòto va yina la to. Esi wose be Yesu gbɔna mɔ ma dzi to ge ava yi la, wode asi ɣlidodo me bobobo nɔ gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí!”" data/train/MAT/MAT_010_Verse_039.mp3,"Vavã mele egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na Sodom kple Gomoranyigba le ʋɔnudrɔ̃gbe la wu ame siawo ƒomevi." data/train/MAT/MAT_012_Verse_050.mp3,"Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Dzidzime vɔ̃ɖi si wɔa ahasi le dzesi kple nukunu dim. Ke ɖeke meli wu Nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la o," data/train/MAT/MAT_020_Verse_022.mp3,"Mexee na mi, eya ta mitsɔe miadzo. Nye ŋutɔe lɔ̃ xe ga home ma ke na ame sia ame." data/train/MAT/MAT_004_Verse_021.mp3,"Yesu tsa le Galilea nutowo katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye afi sia afi si wòyi ko la, eɖea gbeƒã fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eda gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu le dukɔ la me." data/train/MAT/MAT_001_Verse_012.mp3,"Ke Yosef mede asi eŋu o, va se ɖe esime wòdzi viŋutsuvi la, eye wòna ŋkɔe be Yesu." data/train/MAT/MAT_008_Verse_017.mp3,"Kasia ahom dziŋɔ aɖe de asi tutu me, eye ƒutsotsoewo de asi ŋeŋe me ɖe ʋua me. Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yesu ŋutɔ ya nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ." data/train/MAT/MAT_015_Verse_038.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ati sia ati si Fofonye si le dziƒo la medo o la, woahoe kple ke." data/train/MAT/MAT_025_Verse_012.mp3,"“Aƒetɔ la gblɔ nɛ kple dzidzɔ be, ‘Dɔ nyui aɖee nye ema nèwɔ. Dɔla dzɔdzɔe kple nuteƒewɔlae nènye. Esi nèɖi anukware le ga home sue sia ŋu dɔ wɔwɔ me ta la, tso azɔ dzi la, matsɔ ga geɖe ade asi na wò.’" data/train/MAT/MAT_006_Verse_032.mp3,"Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí abe ale si míawo hã míetsɔnɛ kea, ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene." data/train/MAT/MAT_024_Verse_042.mp3,"Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe, eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o. Nu siawo adzɔ, gake nuwuwu la meɖo haɖe o." data/train/MAT/MAT_010_Verse_004.mp3,"elabena meva be mana, “ ‘ŋutsu natso ɖe fofoa ŋu, vinyɔnu natso ɖe dadaa ŋu, eye lɔ̃xoyɔvi natso ɖe lɔ̃xoa ŋu." data/train/MAT/MAT_015_Verse_034.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Menyo be maxɔ nuɖuɖu le ɖeviwo si atsɔ na avuwo o.”" data/train/MAT/MAT_003_Verse_003.mp3,"Esi ameawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me." data/train/MAT/MAT_027_Verse_021.mp3,"Esi woklãe ɖe atitsoga ŋuti vɔ la, asrafoawo da akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be wòazu ame si ɖu dzi la tɔ." data/train/MAT/MAT_024_Verse_012.mp3,"“Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa." data/train/MAT/MAT_014_Verse_018.mp3,"Gbe ɖeka la, Herod nɔ dzigbezã ɖum, eye Herod ƒe vinyɔnuvi va ɖu ɣe le ame kpekpeawo ŋkume. Eƒe ɣeɖuɖu nya kpɔ na Herod ŋutɔ," data/train/MAT/MAT_021_Verse_038.mp3,"Yesu gabia wo be, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe be yewomazã o lae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa? Esia menye nu wɔnuku aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa’?" data/train/MAT/MAT_003_Verse_006.mp3,"Ke esi Yohanes kpɔe be Farisitɔwo kple Zadukitɔ geɖewo hã va be wòade mawutsi ta na yewo la, egblɔ na wo be, “Mi dawo ƒe dzidzimeviwo! Ame kae gblɔ na mi be miate ŋu asi le Mawu ƒe dɔmedzoe kple tohehe si gbɔna la nu?" data/train/MAT/MAT_012_Verse_032.mp3,"Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, mia dometɔ ɖe sia ɖe ana akɔnta le nya vlo ɖe sia ɖe si ado tso eƒe nu me la ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la," data/train/MAT/MAT_009_Verse_007.mp3,"Esi Yesu nɔ tsa ɖim le dua me la, eva ke ɖe dugadzɔla aɖe si woyɔna be Mateo la ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu yɔe gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃la.” Mateo tso enumake, eye wòdze Yesu yome." data/train/MAT/MAT_020_Verse_000.mp3,"“Agbletɔa gblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, nyemedze agɔ le mia dzi o; ɖe menye miawo ŋutɔe lɔ̃ be ame sia ame axɔ sidi wuieve si nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu oa?" data/train/MAT/MAT_026_Verse_045.mp3,"Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, yi wò dɔ si ta nèva ɖo la dzi.” Kasia amewo dze Yesu dzi, eye wolée." data/train/MAT/MAT_004_Verse_010.mp3,"Gbe ɖeka esi Yesu nɔ tsa ɖim le Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ nɔvi eve aɖewo. Woawoe nye Simɔn, si wogayɔna hã be Petro kple nɔvia Andrea. Wonɔ asabu dam, elabena ɖɔkplɔlawo wonye." data/train/MAT/MAT_025_Verse_007.mp3,"Ame si xɔ sidi akpe eve hã tsa asi kple etɔ, eye wògakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi." data/train/MAT/MAT_023_Verse_010.mp3,"Enyo ŋutɔ, azɔ miwu nu vɔ̃ dɔ si gɔme mia fofowo dze la nu." data/train/MAT/MAT_020_Verse_027.mp3,"Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be míaƒe ŋkuwo naʋu míakpɔ nu.”" data/train/MAT/MAT_023_Verse_003.mp3,"“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miekpɔ mɔ le ahosiwo ŋu hexɔa woƒe aƒewo le wo si sesẽtɔe, eye emegbe la, miedoa gbe didiwo ɖa! Esia ta miaƒe tohehe asesẽ wu ame bubuawo tɔ!" data/train/MAT/MAT_013_Verse_000.mp3,"Agble lae nye xexea me, eye bli lae nye ame si le mawufiaɖuƒe la me, ke gbeku vɔ̃ɖiwoe nye dzimaxɔsetɔwo." data/train/MAT/MAT_028_Verse_017.mp3,"Takpekpe la do ŋugbe be, “Nenye be mɔmefia la se nya sia la, míatsi tsitre aʋli mia ta, eye nu sia nu ayi edzi nyuie.”" data/train/MAT/MAT_014_Verse_000.mp3,"Ale esi wotrɔ va ƒua ta la, ekpɔ be ame gbogbo aɖewo nɔ ye lalam. Woƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta eda gbe le dɔnɔ siwo le wo dome la ŋu." data/train/MAT/MAT_023_Verse_025.mp3,"Miawo kee gblɔ be, ‘Ame si ta vɔsamlekpui la la, ate ŋu ada le atam si wòka la dzi faa, gake ne ame aɖe ta nunana si le vɔsamlekpui la dzi la, edze agɔ vevie nenye be wòda le ŋugbe si wòdo la dzi.’" data/train/MAT/MAT_023_Verse_011.mp3,"Eya ta mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple nufiala siwo me Gbɔgbɔ la yɔ fũu la hã ɖom ɖe mi, ke miawo la, miawu wo dometɔ aɖewo alo aklã wo ɖe atitsoga ŋu, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati geɖewo hã ƒe agbe yome tso afii yi afi mɛ." data/train/MAT/MAT_022_Verse_036.mp3,"Nyateƒe, biabia la lolo wu wo, ale womete ŋu ɖo eŋuti o. Esia megbe la, ame aɖeke medo dzi gabia nya aɖekee o." data/train/MAT/MAT_002_Verse_016.mp3,"Ke esi wokpɔ ɣletivia la, dzi dzɔ wo ŋutɔ." data/train/MAT/MAT_019_Verse_002.mp3,"Ameha gã aɖe kplɔe ɖo, eye wòda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu." data/train/MAT/MAT_026_Verse_014.mp3,"be yewoade ŋugble tso ale si woawɔ alé Yesu le bebeme, awui la ŋuti." data/train/MAT/MAT_023_Verse_000.mp3,"Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be, mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo." data/train/MAT/MAT_010_Verse_020.mp3,"Mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie le amewo ŋuti! Elabena woalé mi, adrɔ̃ ʋɔnu mi, eye woaƒo mi le woƒe ƒuƒoƒewo." data/train/MAT/MAT_016_Verse_018.mp3,"Nye hã mele egblɔm na wò be, wòe nye Petro si gɔmee nye kpe, eye nenem kpe gbadza sia dzi maɖo nye hame la anyi ɖo, eye tsiẽƒe ƒe ŋusẽwo gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o." data/train/MAT/MAT_010_Verse_000.mp3,"Ame sia ame alé fu mi, elabena mienye tɔnyewo. Ke mia dometɔ siwo anɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwu la akpɔ ɖeɖe." data/train/MAT/MAT_027_Verse_032.mp3,"eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, alakpatɔ ma gblɔ kpɔ be, ‘Matsi tsitre le ŋkeke etɔ̃ megbe,’" data/train/MAT/MAT_025_Verse_030.mp3,"“Gake woɖo eŋu na abunɛtɔawo be, ‘Mía tɔ hã mesɔ gbɔ ade mia kple míawo nu o, eya ta miyi ne miadze ɖe na mia ɖokuiwo.’" data/train/MAT/MAT_003_Verse_011.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me tututu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.”" data/train/MAT/MAT_026_Verse_030.mp3,esiae nye nye ʋu si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Wokɔe ɖi be ame geɖe nakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke to eme.” data/train/MAT/MAT_026_Verse_057.mp3,"Nu kae nye miaƒe nyametsotso?” Ameha gã la do ɣli be, “Edze na ku, ele be woawui!”" data/train/MAT/MAT_002_Verse_020.mp3,"“ ‘O, wò Betlehem, le Yudanyigba dzi, menye Yudatɔwo ƒe du sue maxɔŋkɔ aɖe ko nènye o, elabena wò mee fia si le nye dukɔ Israel dzi ɖu ge la ado atso.’ ”" data/train/MAT/MAT_024_Verse_015.mp3,"elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gãwo siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase." data/train/MAT/MAT_020_Verse_017.mp3,"Ke Yesu yɔ wo katã ƒo ƒu ɖe eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be, “Le dzimaxɔsetɔwo dome la, fiawo ɖua wo teviwo dzi kple asi sesẽ, eye nenema ke dɔnunɔlawo hã ɖua fia ɖe wo teviwo dzi." data/train/MAT/MAT_025_Verse_023.mp3,"“Emegbe la, ɖetugbi abunɛtɔ atɔ̃awo va do ɖe agboa nu nɔ ɣli dom be, ‘Aƒetɔ, ʋu agbo la na mí!’" data/train/MAT/MAT_010_Verse_013.mp3,"Miaƒe taɖa katã gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu," data/train/MAT/MAT_021_Verse_018.mp3,"Esia ta wodi vevie be yewoawui, gake wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewolée la, ameha la atɔ zi, elabena wonya be ameha la xɔe se be Yesu nye Nyagblɔɖila." data/train/MAT/MAT_005_Verse_007.mp3,"Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo le nublanui kpɔm na amewo, elabena miawoe woakpɔ nublanui na." data/train/MAT/MAT_025_Verse_031.mp3,"“Kaka woaɖe afɔ la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo xoxo, eye ame siwo nɔ klalo la yi srɔ̃ɖeƒe la kplii, eye wotu agbo si le aƒea nu la." data/train/MAT/MAT_010_Verse_018.mp3,"“Migavɔ̃ ame siwo ado ŋɔdzi na mi la o, elabena ŋkeke li gbɔna esi dzi woƒe adzameɖoɖo vɔ̃wo adze le gaglãgbe, eye ame sia ame akpɔ nyateƒe la adze sii." data/train/MAT/MAT_004_Verse_023.mp3,"Yesu yɔ wo gblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi amewo ɖelawo.”" data/train/MAT/MAT_015_Verse_032.mp3,Yesu gblɔ na ameha la be woanɔ anyi ɖe anyigba. data/train/MAT/MAT_011_Verse_027.mp3,"Wova bia nya sia Yesu, eye wòɖo eŋu na wo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miese kple nu si miekpɔ la fia Yohanes bena," data/train/MAT/MAT_022_Verse_021.mp3,"Fia la gadɔ dɔla bubuwo ɖo ɖe ame kpekpeawo gbɔ kple gbedeasi sia be, ‘Mewu nye nyitsu kple lã damiwo, nuɖuɖu la bi, eya ta miva. Ame sia ame neɖe abla va.’" data/train/MAT/MAT_008_Verse_000.mp3,"Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu gblɔ nɛ be, “Ne ènya mí do goe le ame siawo me la, na míayi aɖage ɖe ha mawo me.”" data/train/MAT/MAT_023_Verse_021.mp3,“Mi dawo! Dawo ƒe dzidzimeviwo! Aleke miawɔ asi le dzomavɔʋe ƒe fɔbubu nu? data/train/MAT/MAT_001_Verse_025.mp3,"“Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel” (si gɔmee nye, “Mawu li kpli mí ”)." data/train/MAT/MAT_002_Verse_019.mp3,"“Miyi Betlehem ne miadi ɖevi la, eye ne mieke ɖe eŋu la, mitrɔ va gblɔe nam bena nye hã mayi aɖasubɔe!”" data/train/MAT/MAT_024_Verse_023.mp3,"eye womenya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o va se ɖe esime tsiɖɔɖɔ la va, eye wòkplɔ wo katã dzoe. Nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi." data/train/MAT/MAT_022_Verse_046.mp3,"Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò susu katã." data/train/MAT/MAT_026_Verse_000.mp3,"“Abe ale si mienya ene la, Ŋutitotoŋkekea adze egɔme le ŋkeke eve megbe, woadem asi eye woaklãm ɖe ati ŋuti.”" data/train/MAT/MAT_005_Verse_009.mp3,"Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo wum dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le la, elabena miawoe aɖi ƒo." data/train/MAT/MAT_014_Verse_013.mp3,"Esi wòdo mɔ ameawo wodzo vɔ la, eya ɖeka yi togbɛawo dzi be yeado gbe ɖa. Enɔ teƒe sia va se ɖe fiẽ me," data/train/MAT/MAT_008_Verse_007.mp3,"Esi wokpɔ Yesu la, wode asi ɣlidodo me be, “Nu ka dim wò Mawu ƒe Vi nèle le mía gbɔ? Ɖe nèva be yeawɔ fu mí hafi ɣeyiɣi la naɖoa?”" data/train/MAT/MAT_015_Verse_016.mp3,"Menye nu si ame ɖuna lae nana wòzua ame makɔmakɔ o, ke boŋ nu si ame buna kple nya si wògblɔna lae.”" data/train/MAT/MAT_009_Verse_023.mp3,"Nyateƒe, vɔvɔ̃ gã aɖe dze ameha blibo la dzi, elabena Yesu wɔ nukunu sia le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume wokpɔ, eye wokafu Mawu be wòna ŋusẽ triakɔ sia tɔgbi amegbetɔ!" data/train/MAT/MAT_008_Verse_005.mp3,"Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii,’ eye woyina, ‘Miva afii,’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ,’ eye wòwɔnɛ.”" data/train/MAT/MAT_016_Verse_021.mp3,"“Vavã mele egblɔm na mi bena, mi ame siwo le tsitre le afi sia la dometɔ aɖewo anɔ agbe, akpɔm mava kple nye mawufiaɖuƒe la.”" data/train/MAT/MAT_019_Verse_005.mp3,"elabena wodzi ame aɖewo wonye ame tatawo tso dzɔdzɔme; ame bubuwo la, ame aɖewoe wɔ wo wozu nenema be womaɖe srɔ̃ o. Ke ame aɖewo gbea srɔ̃ɖeɖe le dziƒofiaɖuƒe la ta. Ame si lɔ̃ la, nexɔ nye nyawo.”" data/train/MAT/MAT_017_Verse_022.mp3,"Petro ɖo eŋu nɛ be, “Le ame bubuwo si.” Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Ekema mehiã be dukɔmeviwo naxe adzɔga o.”" data/train/MAT/MAT_013_Verse_050.mp3,"Nuku bubuwo ge ɖe ŋu me, eye ŋu vu tsyɔ wo dzi woku." data/train/MAT/MAT_019_Verse_008.mp3,"Eya ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi alé ɖe srɔ̃a ŋu ɖikaa, eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka." data/train/MAT/MAT_015_Verse_025.mp3,Petro biae be wòaɖe lododo la me na yewo. data/train/MAT/MAT_027_Verse_026.mp3,"Esia wu nya si Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ ɖi be, “Wotsɔ klosaloga blaetɔ̃ si wòxɔ le Israelviwo gbɔ la" data/train/MAT/MAT_027_Verse_003.mp3,"Ale Yuda tsɔ ga la ƒu gbe ɖe anyigba le gbedoxɔ la me, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui." data/train/MAT/MAT_006_Verse_030.mp3,"“Ne miele gbe dom ɖa la, migawɔ abe alakpatɔwo ene o, elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo ƒe dzogoewo dzi, be amewo nakpɔ yewo. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be woxɔ woƒe fetu la katã xoxo." data/train/MAT/MAT_012_Verse_047.mp3,"Yesu bia amea be, “Ame kae nye danye, eye ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?”" data/train/MAT/MAT_025_Verse_020.mp3,"elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum o, tsikɔ wum miena tsim be mano o." data/train/MAT/MAT_013_Verse_040.mp3,"Kpenyigba lae nye ame si sea nyanyui la, eye eƒe dzi xɔnɛ kple dzidzɔ," data/train/MAT/MAT_025_Verse_033.mp3,"“Ke le zãtitina la, ɣli ɖi be, ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo azɔ. Mido go va kpee hee!’" data/train/MAT/MAT_009_Verse_001.mp3,"Ame la tsi tsitre enumake, eye wòfɔ eƒe nuwo heyi aƒe me." data/train/MAT/MAT_024_Verse_050.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miele nu siawo katã kpɔma? Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be womagblẽ kpe ɖeka pɛ hã ɖe nɔvia dzi o; woagbã nu sia nu aƒu anyi.”" data/train/MAT/MAT_012_Verse_015.mp3,"“Eya ŋuti mele egblɔm na mi be woatsɔ nu vɔ̃ sia nu vɔ̃ kple busunya sia busunya ake amewo, ke busunyagbɔgblɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ya la, womatsɔe ake o." data/train/MAT/MAT_021_Verse_041.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la, ne xɔse vavã le mia si, eye ɖikeke mele mia me o la, miate ŋu awɔ nu siawo, eye nu siwo miawɔ la akɔ wu esiwo mewɔ kura gɔ̃ hã. Miate ŋu agblɔ na to si kpɔm miele le afii kura gɔ̃ hã be, ho nàyi aɖadze atsiaƒu me, eye wòava eme enumake." data/train/MAT/MAT_013_Verse_022.mp3,"Esi wòhe asabu la va gotae la, enɔ anyi tia lã ɖuɖuawo ɖe teƒe ɖeka, ke esiwo womeɖuna o la, etsɔ wo ƒu gbe." data/train/MAT/MAT_023_Verse_031.mp3,"Nenye be mieta dziƒo la, minyae be mieta Mawu ƒe fiazikpui kple Mawu, ame si nɔa edzi la." data/train/MAT/MAT_019_Verse_013.mp3,"Gake Yesu gblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”" data/train/MAT/MAT_024_Verse_032.mp3,"Le ɣe ma ɣi me la, ame geɖewo atra le xɔse la gbɔ, woade wo nɔviwo asi, eye woalé fu wo nɔewo vevie." data/train/MAT/MAT_006_Verse_028.mp3,"Ne èbe yeado gbe ɖa la, yi ɖe wò xɔ me nàtu ʋɔa, eye nàdo gbe ɖa na Fofowò, ame si womekpɔna o la, ekema Fofowò, ame si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la, atu fe na wò." data/train/MAT/MAT_012_Verse_013.mp3,"Eya kple eŋutimewo yi gbedoxɔ me, eye woɖu abolo tɔxɛ si mele se nu be woaɖu o, negbe nunɔlawo ko naɖu la." data/train/MAT/MAT_024_Verse_041.mp3,"“Ne ame aɖe medi be fiafitɔ neva fi yeƒe nuwo le zã me o la, enɔa ŋudzɔ na fiafitɔ la ƒe vava." data/train/MAT/MAT_017_Verse_019.mp3,"Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm godoo be ele be Eliya nagava hafi Kristo la nava ɖo?”" data/train/MAT/MAT_026_Verse_016.mp3,"Ele na nye Amegbetɔ Vi la be maku abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxo ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, nenye be womegaxa dzii o la, anyo nɛ wu sãa.”" data/train/MAT/MAT_014_Verse_025.mp3,"Nusrɔ̃lawo do ɣli gblɔ be, “Nu ka, abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve pɛ koe le mía si le afi sia!”" data/train/MAT/MAT_010_Verse_003.mp3,"Elabena menye miawo ŋutɔe aƒo nu o, ke boŋ mia Fofo si le dziƒo la ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒo ge to mia dzi." data/train/MAT/MAT_026_Verse_044.mp3,"Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, le nyateƒe me la, kasia koklo naku atɔ le fɔŋli me la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”" data/train/MAT/MAT_023_Verse_039.mp3,"Wolɔ̃a kplɔ̃tanɔnɔ le nuɖuƒewo, eye wolɔ̃a ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo." data/train/MAT/MAT_015_Verse_029.mp3,"Yesu bia wo be, “Ke miawo hã, miese nya sia gɔme oa?" data/train/MAT/MAT_004_Verse_019.mp3,"Yesu blu ɖe Satan ta be, “Satana, te ɖa le gbɔnye! Mèse mawunya gblɔ be, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’ ”" data/train/MAT/MAT_022_Verse_025.mp3,"“Ke esi ame kpekpeawo se nya sia la, ɖeko woko nu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe dzo yi nu si dze eŋu la wɔ ge; ɖeka yi eƒe agble me, eye bubu yi asigbe." data/train/MAT/MAT_022_Verse_007.mp3,"“Dɔlawo wɔ ɖe nya sia dzi, eye eteƒe medidi o, wokplɔ amewo vɛ fũu, ame nyuiwo kple ame baɖawo siaa, eye ale srɔ̃ɖekplɔ̃ la ŋu yɔ fũu kple amewo." data/train/MAT/MAT_026_Verse_048.mp3,"Le fiẽ me la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ kplɔ̃ ŋu, eye woɖu nu." data/train/MAT/MAT_026_Verse_052.mp3,"Le ɣeyiɣi ma tututu me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Yudea dumegã bubuwo kpe ta ɖe nunɔlagãtɔ, Kayafa ƒe aƒe me," data/train/MAT/MAT_022_Verse_002.mp3,"Azɔ gblɔe na mí, nu kae nye wò susu? Ele eteƒe be woadzɔ duga na Kaisaro loo alo mele eteƒe o?”" data/train/MAT/MAT_024_Verse_034.mp3,"Le ɣe ma ɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexea me ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi." data/train/MAT/MAT_028_Verse_004.mp3,"Esi nunɔlagãwo kpe ta kple dumegãwo la, wode aɖaŋu, eye wotsɔ ga home gã aɖe na asrafoawo hegblɔ be," data/train/MAT/MAT_019_Verse_019.mp3,"Petro gblɔ nɛ be, “Míawo la, míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme. Fetu ka míakpɔ?”" data/train/MAT/MAT_015_Verse_015.mp3,megahiã be wòatsɔe ade bubu fofoa ŋuti o. Ale miegbe Mawu ƒe nyadziwɔwɔ be mialé miawo ŋutɔ ƒe nuɖoanyiwo me ɖe asi. data/train/MAT/MAT_024_Verse_017.mp3,"“Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya gbe si gbe miaƒe Aƒetɔ la ava o." data/train/MAT/MAT_005_Verse_041.mp3,"Ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele wu ame bubuwo? Ɖe trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa?" data/train/MAT/MAT_014_Verse_028.mp3,"Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wò tututue la, na nye hã mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.”" data/train/MAT/MAT_004_Verse_024.mp3,"Yesu ƒe afi sia vava wu nya si Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ da ɖi la nu be," data/train/MAT/MAT_023_Verse_030.mp3,"Ne wole ablɔ dzi yina, eye amewo le ŋkɔ dam ɖe wo dzi be, ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ’ la, evivia wo nu ŋutɔ." data/train/MAT/MAT_026_Verse_055.mp3,"Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne menye nenema o la, tetekpɔ aɖu mia dzi, elabena gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”" data/train/MAT/MAT_021_Verse_024.mp3,"Ke ne míegblɔ be, ‘Etso amewo gbɔ’ la, míele vɔvɔ̃m na nu si ameawo awɔ, elabena wo katã woxɔe se be Yohanes nye Nyagblɔɖila.”" data/train/MAT/MAT_012_Verse_033.mp3,"Mewɔa dzre alo doa ɣli o, eye mèle eƒe gbe se ge le ablɔwo dzi hã o!" data/train/MAT/MAT_012_Verse_029.mp3,"Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã abu fɔ dukɔ sia, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o." data/train/MAT/MAT_021_Verse_022.mp3,"“Gake kpao! Esi agbledzikpɔla siawo kpɔ ŋutsuvia wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be, ‘Ɛhɛ̃, ame siae le fofoa ƒe dome nyi ge, ale be teƒe sia katã gbɔna etɔ zu ge. Mía tɔwo, mina míawui be agble sia nazu mía tɔ!’ ”" data/train/MAT/MAT_021_Verse_021.mp3,"gake esi Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo kpɔ nukunu dzɔatsu siwo wòwɔ, eye wose ɖevi suetɔ kekeake hã wònɔ ɣli dom le gbedoxɔ la me be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la” la, dɔ me ve wo ŋutɔ." data/train/MAT/MAT_007_Verse_016.mp3,"Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nu mawo ke na ame bubuwo hã, elabena esiae nye Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya." data/train/MAT/MAT_023_Verse_029.mp3,"Ne miewɔ esiawo la, ekema ame kɔkɔe siwo wowu le anyigba dzi tso keke Abel dzi va se ɖe Zekaria, Barakia ƒe vi si miewu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome le gbedoxɔa me la, ƒe ʋu ava mia dzi." data/train/MAT/MAT_025_Verse_013.mp3,"“Aƒetɔ la trɔ gbɔ le ŋkeke geɖewo megbe, eye wòyɔ dɔlawo be woava na akɔnta tso ga siwo wòtsɔ na wo la ŋuti." data/train/MAT/MAT_026_Verse_020.mp3,"Enumake Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ɖe eƒe yi le aku me, eye wòkpa to na Yudatɔwo ƒe nunɔlagã ƒe subɔla ɖeka." data/train/MAT/MAT_025_Verse_035.mp3,"Mada alẽawo ɖe nye nuɖusime, eye gbɔ̃awo anɔ nye miame." data/train/MAT/MAT_021_Verse_034.mp3,“Nya si gblɔm mele na mi la gɔme kpuie koe nye be woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si atsɔ na dukɔ bubu si atsɔ viɖe si nye Mawu tɔ la vɛ nɛ. data/train/MAT/MAT_012_Verse_003.mp3,"Azɔ egblɔ na ame si tsitsi lé asi na la be, “Dzɔ wò asi,” eye esi wòdzɔe la, eƒe asi gaɖɔ ɖo abe evelia ene." data/train/MAT/MAT_026_Verse_041.mp3,"Ke Petro sẽ nu le wo katã ƒe ŋkume be, “Nyemenya naneke le nu si gblɔm nèle la ŋu o.”" data/train/MAT/MAT_021_Verse_025.mp3,"“Le ɖevi eve siawo dome ɖe, ame kae wɔ fofoa ƒe gbe dzi?” Wogblɔ bena, “Gbãtɔ lae.” Azɔ Yesu ɖe lododo la gɔme na wo be, “Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo kura age ɖe mawufiaɖuƒe la me hafi miawo miava yi," data/train/MAT/MAT_027_Verse_052.mp3,"Nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegã siwo le afi ma la ɖu fewu le eŋu be," data/train/MAT/MAT_017_Verse_009.mp3,"Eɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, enanɛ.” Ke esi Petro va ɖo aƒea me la, Yesue nye ame gbãtɔ si ƒo nu. Ebia Petro be, “Simɔn, aleke nèsusu? Ame kawo si anyigbadzifiawo xɔa adzɔga kple duga le, le dukɔmeviwo si loo alo le ame bubuwo si?”" data/train/MAT/MAT_027_Verse_005.mp3,"Ame siwo to teƒea va yina la dzui hegblɔ nya vlo geɖewo ɖe eŋuti. Woʋuʋua ta fewuɖutɔe be," data/train/MAT/MAT_026_Verse_031.mp3,Etrɔ le wo gbɔ gayi ɖado gbe ɖa zi etɔ̃lia. data/train/MAT/MAT_012_Verse_017.mp3,"eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma. Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae enumake be, “Ele se la nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzia?” Wonɔ mɔ kpɔm be aɖo eŋu be “Ɛ̃,” ne yewoatsɔ nya ɖe eŋu." data/train/MAT/MAT_018_Verse_009.mp3,"eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me." data/train/MAT/MAT_019_Verse_021.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Menye ame sia amee ase nya sia gɔme o, negbe ame siwo ŋu Mawu kpe ɖo la ko," data/train/MAT/MAT_012_Verse_025.mp3,Ke ɖe amegbetɔ ƒe agbe mele vevie wu alẽ tɔ oa? Eya ta ele se nu vavã be woawɔ dɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi.” data/train/MAT/MAT_009_Verse_025.mp3,"“Womate ŋu atsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o. Ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒea, eye teƒe si vuvu la akeke ɖe edzi wu." data/train/MAT/MAT_016_Verse_014.mp3,"Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo na wò, ale be ʋɔ siwo nàtu le anyigba dzi afii la, woanɔ tutu le dziƒo, eye ʋɔ siwo nàʋu le anyigba dzi la, woanɔ ʋuʋu le dziƒo.”" data/train/MAT/MAT_027_Verse_020.mp3,"Esi Pilato kpɔ be ameawo ɖo kplikpaa, eye hoowɔwɔ gã aɖe le egɔme dzem la, ena woku tsi ɖe gagbɛ me vɛ nɛ, ale wòklɔ asi le ameha la ƒe ŋkume gblɔ be, “Ame nyui sia ƒe ʋukɔkɔɖi metso gbɔnye o; ke boŋ etso mia gbɔ!”" data/train/MAT/MAT_006_Verse_022.mp3,Mia dometɔ kae ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu? data/train/MAT/MAT_008_Verse_028.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?” Azɔ etsi tsitre, eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi." data/train/MAT/MAT_022_Verse_016.mp3,"Esime David yɔ Kristo la be, ‘Aƒetɔ’ ɖe, aleke wɔ wòganye via?”" data/train/MAT/MAT_016_Verse_015.mp3,"Nu ka ta miate ŋu ase nu gɔme o ɖo? Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ (5,000) kple abolo atɔ̃, eye esi susɔ la yɔ kusiwo oa?" data/train/MAT/MAT_008_Verse_027.mp3,"Yesu gblɔ na wo be, “Meɖe mɔ na mi, eya ta mido le ameawo me kaba!” Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le ame eveawo me ɖage ɖe haawo me; enumake haawo katã ƒu du sesĩe ɖage ɖe atsiaƒu si le afi ma la me doo, eye wono tsi ku." data/train/MAT/MAT_025_Verse_028.mp3,"“Eye Nye, Fia la, maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!’" data/train/MAT/MAT_008_Verse_020.mp3,"Ke Israelvi geɖewo, ame siwo wodzra fiaɖuƒe la ɖo ɖi na ya la, woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.”" data/train/MAT/MAT_026_Verse_063.mp3,"Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔlawo dome be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe Yesu dzi la ɖa." data/train/MAT/MAT_025_Verse_005.mp3,Ame si wòtsɔ sidi akpe atɔ̃ na la tsɔ sidi akpe ewo vɛ nɛ. data/train/MAT/MAT_002_Verse_007.mp3,"Esi woge ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria, eye woyi ɖadze klo ɖe egbɔ enumake hede ta agu nɛ. Woʋu nu le woƒe nunanawo nu, eye wotsɔ sika, kotoklobo kple lifi nɛ." data/train/MAT/MAT_024_Verse_024.mp3,"“Gake ne miewɔ abe dɔla vɔ̃ɖiwo ene hegblɔ na mia ɖokuiwo be, ‘Nye Aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ,’" data/train/MAT/MAT_024_Verse_010.mp3,"Aʋatsonyagblɔɖilawo abɔ fũu, eye woana geɖewo atra mɔ." data/train/MAT/MAT_015_Verse_010.mp3,"Ke miawo miegblɔ be, ne ame aɖe gblɔ na fofoa alo dadaa be, ‘Nu si ke matsɔ akpe ɖe ŋutiwòe la, metsɔe wɔ adzɔgbeɖeɖe ƒe nunanae na Mawu’ la," data/train/MAT/MAT_024_Verse_003.mp3,"“Ame eve anɔ agble me anɔ dɔ wɔm, woava akplɔ ɖeka adzoe agblẽ ɖeka ɖi." data/train/MAT/MAT_026_Verse_022.mp3,"Esi wògatrɔ va la, ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko, elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo." data/train/MAT/MAT_004_Verse_004.mp3,"Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia. Elabena woŋlɔ ɖi bena: “ ‘Aɖe gbe na eƒe dɔlawo le ŋutiwò, eye woatsɔ wò ɖe woƒe asiwo me ale be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’ ”" data/train/MAT/MAT_013_Verse_051.mp3,"Nya sia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia nu be, “ ‘Miaƒe towo ase nyawo gake miase wo gɔme o, Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu gake miele si dze gee o." data/train/MAT/MAT_005_Verse_040.mp3,"“Ne èle gbedoxɔ me le vɔsamlekpui ŋgɔ le vɔ sam na Mawu, eye nèɖo ŋku edzi be dzre aɖe le mi kple nɔviwò aɖe dome la," data/train/MAT/MAT_021_Verse_000.mp3,"“Agbletɔ la gaɖo dɔla bubu geɖewo ɖa, gake wowɔ fu woawo hã abe ame dɔdɔ gbãtɔwo ene." data/train/MAT/MAT_015_Verse_009.mp3,"Kanan nyɔnu aɖe si le afi ma la va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be, “O, Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me, eye wòwɔa fui ɣe sia ɣi.”" data/train/MAT/MAT_012_Verse_009.mp3,"Esi Farisitɔwo se nukunu si Yesu wɔ la, wogblɔ le wo ɖokuiwo me be, “Ame sia tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃ le amewo me to Belzebul si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la ƒe ŋusẽ me.”" data/train/MAT/MAT_010_Verse_042.mp3,"Ɛ̃, le tanye la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi le fiawo kple mɔmefiawo ƒe ŋkume. Ke esia anye mɔnukpɔkpɔ na mi be miagblɔ nyanyui la na wo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la katã." data/train/MAT/MAT_013_Verse_004.mp3,"Ale wokpɔ nuɖiaɖia le eŋu. Ke Yesu gblɔ na wo be, “Wodea bubu Nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi negbe le eya ŋutɔ ƒe dedu me kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me ko.”" data/train/MAT/MAT_025_Verse_034.mp3,Ke nunyalawo ya tsɔ ami ɖe woƒe goewo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti. data/train/MAT/MAT_016_Verse_001.mp3,"Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Ke miawo ya ɖe, ame ka miebu be menye?”" data/train/MAT/MAT_011_Verse_000.mp3,"“Aleke magblɔ tso dukɔ sia ŋuti? Ame siawo sɔ kple ɖevi siwo le fefe fem hele gbɔgblɔm na wo nɔewo be," data/train/MAT/MAT_008_Verse_021.mp3,"Le ɣe ma ɣi me la, aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le afi ma lɔƒo." data/train/MAT/MAT_009_Verse_008.mp3,"Esi Yesu va ɖo amegã la ƒe aƒe me la, ekpɔ be amewo nɔ avi fam hoo, eye wonɔ kuteƒehawo hã dzim." data/train/MAT/MAT_013_Verse_030.mp3,"Eɖe eme na wo be wo nusrɔ̃lawo ko wona mɔnukpɔkpɔ be woanya nu si dziƒofiaɖuƒe la nye, ke womena mɔnukpɔkpɔ sia ame bubuwo o." data/train/MAT/MAT_019_Verse_004.mp3,"Dzila aɖewo kplɔ wo vi suewo va Yesu gbɔ be wòada asi ɖe wo dzi, eye wòado gbe ɖa ɖe wo ta. Ke nusrɔ̃lawo nya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o." data/train/MAT/MAT_025_Verse_016.mp3,"“Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple Aƒetɔ aɖe si ɖo be yeawɔ mɔzɔzɔ ayi anyigba bubu aɖe dzi la. Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo hetsɔ ga home vovovo de asi na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòatsɔ nɔ asi tsam va se ɖe esime yeagbɔ." data/train/MAT/MAT_005_Verse_021.mp3,"Ke nye la, mele egblɔm na mi bena, milɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta," data/train/MAT/MAT_011_Verse_009.mp3,"Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo nɔ dzodzom la, Yesu dze nuƒoƒo na ameha la tso Yohanes ŋu be, “Nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge le gbedzi? Aƒla si ya le ƒoƒoma?" data/train/MAT/MAT_020_Verse_016.mp3,"“Ke esi wòƒo ɣetrɔ ga atɔ̃ la, egayi dua me, eye wògakpɔ ame aɖewo woli dɔ aɖeke mawɔmawɔe. Ebia wo be, ‘Nu ka ta mieli alea ko dɔ aɖeke mawɔmawɔe ŋkeke blibo la ɖo?’" data/train/MAT/MAT_010_Verse_036.mp3,"“Nenye be woti mia yome le du aɖe me la, misi yi du bubu me! Vavã mele egblɔm na mi bena, nye Amegbetɔ Vi, matrɔ agbɔ hafi miawu tsatsa le Israel duwo katã me nu." data/train/MAT/MAT_013_Verse_007.mp3,"Ame si si nu le la, eyae woana nui ale be nu si le esi la nasɔ gbɔ ɖe edzi, ke ame si si nu mele o la, sue si le esi hã la, woaxɔe le esi wòatsi asi ƒuƒlu." data/train/MAT/MAT_018_Verse_018.mp3,"Ke nenye be wògbe meɖo to wò o la, kplɔ nɔviwò bubu ɖeka alo eve ɖe asi ne miayi egbɔ ake, be ame siawo naɖu ɖasefo na wò." data/train/MAT/MAT_013_Verse_033.mp3,"gake abe nuku siwo miena ɖe anyigba ma ƒomevi dzi ene la, woƒe kewo medea to o, eye togbɔ be wotsina vlɔvlɔvlɔ hã la, ne yometiti va ko la, wogbɔdzɔna." data/train/MAT/MAT_015_Verse_031.mp3,"Yesu gabia wo be, “Abolo nenie susɔ ɖe mia si?” Woɖo eŋu be, “Abolo adre kple tɔmelã vi aɖe koe susɔ.”" data/train/MAT/MAT_015_Verse_039.mp3,"Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo hã, nu ka ta miaƒe kɔnuwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋuti ɖo?" data/train/MAT/MAT_023_Verse_023.mp3,"Mi ŋkuagbãtɔwo! Kae le vevie wu, nunana si le vɔsamlekpui la dzi loo alo vɔsamlekpui la ŋutɔ si nana be nunana ŋuti kɔnaa?" data/train/MAT/MAT_021_Verse_046.mp3,"“Ɖevi la ɖo eŋu be, ‘Nyemayi o.’ Ke emegbe la, etrɔ eƒe susu, eye wòyi agble la me ɖawɔ dɔ la." data/train/MAT/MAT_023_Verse_014.mp3,"eye ne mieta gbedoxɔ la, ekema mietae kple Mawu, ame si nɔa eme la." data/train/MAT/MAT_023_Verse_020.mp3,"Mi bometsila ŋkuagbãtɔwo! Kae lolo wu, sika la alo gbedoxɔ si wɔ sika la gɔ̃ hã be wòle dzadzɛea?" data/train/MAT/MAT_009_Verse_015.mp3,"Gbe ma gbe fiẽ la, Mateo kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla bubuwo hã nɔ ame kpekpeawo dome." data/train/MAT/MAT_026_Verse_038.mp3,"Ke esi wonɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na wo be, “Vavã, mele egblɔm na mi bena, mia dometɔ ɖeka adem asi be woawu.”" data/train/MAT/MAT_027_Verse_008.mp3,"Asrafoawo tsɔ wain si me wode gbe siwo vena la nɛ be wòano, gake esi wòɖɔe kpɔ la, egbe enono." data/train/MAT/MAT_014_Verse_002.mp3,"Ale woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ me," data/train/MAT/MAT_018_Verse_029.mp3,Nu ka ta wò hã màkpɔ nublanui na amewo abe ale si nye hã mekpɔ nublanui na wò ene o?’ data/train/MAT/MAT_018_Verse_006.mp3,"Dɔla la ƒe nu wɔ nublanui na fia la ale gbegbe be eɖe asi le eŋu, eye wòtsɔ fe si wònyi la hã kee." data/train/MAT/MAT_027_Verse_035.mp3,"eye yɔdowo nu ʋu, eye ame kɔkɔe geɖe siwo ku la ƒe ŋutilã gagbɔ agbe." data/train/MAT/MAT_025_Verse_010.mp3,"Awu menɔ ŋunye o, gake mietsɔ awu nam medo. Medze dɔ, eye mieva kpɔm ɖa. Menɔ gaxɔ me, eye mieɖi tsa va gbɔnye.’" data/train/MAT/MAT_016_Verse_026.mp3,"Yesu gblɔ nɛ be, “Mawu neyra wò, Simɔn Yona ƒe vi, elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o." data/train/MAT/MAT_011_Verse_025.mp3,"Tso Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ŋkekewo me va se ɖe fifia la, dziƒofiaɖuƒe la le ŋgɔ yim ŋusẽtɔe, eye ŋkumesesẽtɔwoe le eham." data/train/MAT/MAT_026_Verse_032.mp3,"eye wòbia be, “Ho neni miaxe nam nenye be mede Yesu asi na mi?” Enumake woxlẽ klosaloga blaetɔ̃ tsɔ de asi nɛ." data/train/MAT/MAT_015_Verse_000.mp3,"“ ‘Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo, gake woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye." data/train/MAT/MAT_020_Verse_019.mp3,"Le ŋdɔ ga wuieve me la, egaɖo ame bubuwo hã ɖe agble la me, eye anɔ abe ga etɔ̃ me ene la, egaɖo ame bubuwo hã ɖa nenema ke." data/train/MAT/MAT_005_Verse_042.mp3,"Ne mielɔ̃a ame siwo lɔ̃a mi ɖeɖe ko la, wɔwui ka miewɔ? Ɖe nudzɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa?" data/train/MAT/MAT_002_Verse_011.mp3,"Esia ta Fia Herod yɔ Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo katã ƒo ƒu, eye wòbia du si me woadzi Kristo le la wo." data/train/MAT/MAT_009_Verse_018.mp3,"Ke Farisitɔwo ya gblɔ be, “Nu si ta wòtea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃woe ɖo lae nye be, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la le eya ŋutɔ me.”" data/train/MAT/MAT_013_Verse_018.mp3,"Egblɔ nya geɖewo na wo to lododo me be, “Agbledela aɖe yi nuku wu ge." data/train/MAT/MAT_024_Verse_022.mp3,"eye wòaƒo mi vevie. Emegbe la, ana woadrɔ̃ ʋunu mi kple alakpanuwɔlawo, eye afi ma miafa avi, aɖu aɖukli hã le.”" data/train/MAT/MAT_018_Verse_008.mp3,"Esi wònɔ akɔnta la wɔm la, wokplɔ eƒe fenyila ɖeka vɛ; ame sia nyi fe sidi akpe akpewo le esi." data/train/MAT/MAT_021_Verse_044.mp3,"Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo eŋu nɛ be, “Ana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòaxɔ agble la atsɔ na ame siwo awɔ eƒe gbe dzi la.”" data/train/MAT/MAT_009_Verse_028.mp3,"Yesu gblɔ be, “Mina ame siawo katã nado go le xɔa me, elabena ɖevi la meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.” Ame siwo se nya sia la ɖu fewu le eŋu, eye ɖewo hã koe." data/train/MAT/MAT_007_Verse_004.mp3,"Ati nyui mate ŋu atse ku gbegblẽ o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o." data/train/MAT/MAT_020_Verse_025.mp3,"Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta eka asi woƒe ŋkuawo ŋu. Ŋkuawo ʋu enumake, eye ameawo de asi nukpɔkpɔ me. Ale woawo hã kplɔ Yesu ɖo kple dzidzɔ gã aɖe." data/train/MAT/MAT_006_Verse_012.mp3,"ke boŋ midzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle megblẽa nu le, eye fiafitɔwo megbãa ʋɔ hefia nu le la o." data/train/MAT/MAT_023_Verse_027.mp3,"“Migana woayɔ mi be ‘Rabi’ o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye." data/train/MAT/MAT_008_Verse_024.mp3,"Nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu enumake. Woʋuʋui sesĩe hegblɔ nɛ kple ɣli be, “Aƒetɔ, ɖe mí! Míele nyɔnyrɔm!”" data/train/MAT/MAT_027_Verse_045.mp3,"Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eli, Eli, lama sabaktani?” (si gɔmee nye, “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi mahã?”)." data/train/MAT/MAT_024_Verse_006.mp3,"Azɔ edzo yi ɖanɔ Amito la dzi. Nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ɣe ka ɣi nu siawo katã ava eme? Dzesi kawoe afia wò vava zi evelia kple xexea me ƒe nuwuwu?”" data/train/JDG/JDG_015_Verse_006.mp3,"Esi Samson kple Yuda ŋutsu siwo lée ɖo Lehi la, Filistitɔwo tso aseye kple ɣli. Enumake Yehowa ƒe ŋusẽ gaɖo Samson me eye atagbika siwo wotsɔ blae la tso abe ɖetika ko wonye ene eye woge le alɔnu nɛ!" data/train/JDG/JDG_016_Verse_007.mp3,"Azɔ la, Samson dze ahiã ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Delila ame si nɔ Sorek ƒe balime." data/train/JDG/JDG_011_Verse_036.mp3,Yefta ɖe mɔ nɛ eye wòyi toawo dzi; eya kple xɔlɔ̃awo nɔ afi ma kple konyifafa ɣleti eve. data/train/JDG/JDG_010_Verse_007.mp3,"Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo kple Aramtɔwo, Sidontɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo. Esi Israelviwo gbe nu le Yehowa gbɔ eye womegasubɔnɛ o ta la," data/train/JDG/JDG_011_Verse_010.mp3,eye wowu Amonitɔwo tso keke Aroer va se ɖe Minit. Woxɔ du blaeve va keke Abel Keramin. Ale Israel ɖu Amonitɔwo dzi. data/train/JDG/JDG_005_Verse_001.mp3,Dziƒo ŋutɔ ƒe ɣletiviwo wɔ aʋa kple Sisera. data/train/JDG/JDG_009_Verse_028.mp3,"Gaal yi edzi be, “Kpɔ afi ma nyuie, meka ɖe edzi be mekpɔ amewo le lulũm ɖe mía dzi gbɔna. Kpɔ afi sia hã ɖa, ame bubuwo hã gbɔna; wodze le Meomenim ƒe oɖumti la ŋu!”" data/train/JDG/JDG_003_Verse_006.mp3,Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu vevie eye wòna Kusan Risataim si nye Aram Naharaim fia va ɖu wo dzi eye wonɔ eƒe dziɖuɖu te ƒe enyi. data/train/JDG/JDG_020_Verse_030.mp3,"Israelviwo yi Yehowa gbɔ hefa avi nɛ va se ɖe fiẽ eye wobia Yehowa be, “Ɖe míagayi aɖawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo, ame siwo nye mía nɔviwoa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi miakpe aʋa kpli wo.” Ale dzi gaɖo Israelviwo ƒo, wogada woƒe aʋawɔlawo ɖe afi si woda wo ɖo tsã." data/train/JDG/JDG_004_Verse_013.mp3,"eƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu, si si gatasiaɖam alafa asiekɛ (900) nɔ, eye woɖe zɔ tso Haroset Hagoyim yi Kison tɔsisi la to." data/train/JDG/JDG_020_Verse_042.mp3,"Miɖe asi le nu vɔ̃ sia wɔlawo ŋu ale be, míate ŋu awu wo eye míaɖe vɔ̃ ɖa le Israelnyigba dzi.” Ke Benyamin ƒe to la meɖo to wo o," data/train/JDG/JDG_017_Verse_006.mp3,"Mika biae be, “Afi ka nètso?” Amedzro la ɖo eŋu be, “Levitɔe menye metso Betlehem le Yuda, mele teƒe nyui aɖe dim manɔ.”" data/train/JDG/JDG_001_Verse_026.mp3,"Yehowa na woɖu Kanaantɔwo kple Perizitɔwo dzi, wowu ame akpe ewo le Bezek." data/train/JDG/JDG_001_Verse_032.mp3,"Yuda ƒe viwo ɖu Yerusalem dzi, wowu ameawo katã eye wotɔ dzo dua." data/train/JDG/JDG_020_Verse_028.mp3,Israelviwo trɔ ɖe wo ŋu azɔ. Benyamin ƒe to la tɔtɔ eye wosi ɖo ta gbedzi elabena wodze sii azɔ be yewotsrɔ̃ vɔ. data/train/JDG/JDG_018_Verse_028.mp3,"Woyɔa du la tsã be Lais, ke Dan ƒe to la tsɔ wo fofo, Dan, Israel viŋutsu ƒe ŋkɔ nɛ." data/train/JDG/JDG_009_Verse_046.mp3,Mɔ sesẽ aɖe nɔ dua me eya ta dua me tɔwo katã si yi eme. Wotu agbo la heyi mɔ la tame ke henɔ ŋku lém ɖe Abimelek kple eƒe amewo ŋu. data/train/JDG/JDG_001_Verse_000.mp3,"Ahsa ɖo eŋu be, “Ènyo dɔ me nam, eye nèna anyigbam le Negeb, ke meɖe kuku, na vudowo hãm.” Ale Kaleb tsɔ vudo si le to dzi kple balime la nɛ." data/train/JDG/JDG_019_Verse_011.mp3,"Esi ŋu ke la, wogafɔ kaba hena dzodzo gake nyɔnuvi la fofo gagblɔ nɛ be, “Miganɔ anyi egbea ko eye miadzo egbe fiẽ.” Ale woganɔ anyi, ɖu nu, no nu ŋkeke ɖeka kpee." data/train/JDG/JDG_020_Verse_039.mp3,"Le zã ma me la, Gibea ŋutsuwo va ƒo xlã aƒe si me míedze eye woɖo be yewoawum. Wodɔ nye ahiãvi gbɔ va se ɖe esime wòku." data/train/JDG/JDG_015_Verse_005.mp3,"Esi Filistitɔwo bia be ame kae wɔ esia la, woɖo eŋu na wo be, “Samson ye elabena srɔ̃a fofo tsɔ srɔ̃a na ŋutsu bubu wòɖe.” Ale Filistitɔwo tɔ dzo nyɔnuvi la kple fofoa kple woƒe aƒe." data/train/JDG/JDG_020_Verse_018.mp3,"Eye Israel toawo ɖo amewo ɖe Benyamin ƒe to la be woagblɔ na wo be, “Mienya nane tso nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ le mia dome la ŋua?" data/train/JDG/JDG_014_Verse_007.mp3,"Esi wòtrɔ gbɔ la, egblɔ na fofoa kple dadaa bena yedi be yeaɖee." data/train/JDG/JDG_011_Verse_022.mp3,"Le ɣeyiɣi ma me la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va Yefta dzi eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ to Gileadnyigba kple Manase ƒe anyigba dzi, dze le Mizpa le Gilead ŋu eye wòkpe aʋa kple Amonitɔwo ƒe aʋakɔ." data/train/JDG/JDG_016_Verse_009.mp3,"Delila gagblɔ nɛ be, “Ɖeko nègatsɔm abe nu ɖikokoe aɖe ko ene, gblɔ ale si woate ŋu alé wòe la nam azɔ.” Samson gblɔ be, “Ne èlɔ̃ nye ɖakɔ adreawo abe ale si wolɔ̃a avɔe ene la, magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.” Ale esi Samson dɔ alɔ̃ la, Ɖelila lɔ̃ ɖakɔ adreawo" data/train/JDG/JDG_015_Verse_016.mp3,"Tsikɔ de asi Samson wuwu me vevie eya ta wòdo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be, “Èɖe Israel nukutɔe to dzinye va se ɖe egbe! Ɖe maku azɔ le tsikɔwuame ta eye mage ɖe trɔ̃subɔla siawo si mea?”" data/train/JDG/JDG_005_Verse_028.mp3,Wotso Efraimnyigba dzi va balimea le Benyamin ƒe viwo megbe. Aʋakplɔlawo va tso Makir aʋalɔgonunɔlawo va tso Zebulon data/train/JDG/JDG_005_Verse_027.mp3,"“Woayra Yael, Heber, Kenitɔ la srɔ̃ woyrae wu nyɔnu siwo nɔa agbadɔ te." data/train/JDG/JDG_008_Verse_002.mp3,Ale Israelviwo bɔbɔ Midiantɔwo ɖe anyi eye womegafɔ ta dzi kpɔ o. Ale ŋutifafa nɔ anyigba la dzi ƒe blaene sɔŋ le Gideon ƒe agbenɔɣi. data/train/JDG/JDG_006_Verse_029.mp3,"Midiantɔwo ƒe asi sẽ ɖe Israelviwo dzi ale gbegbe be Israelviwo wɔ bebeƒewo na wo ɖokuiwo ɖe towo tome, agadowo me kple sitsoƒewo." data/train/JDG/JDG_008_Verse_029.mp3,Viŋutsu blaadre nɔ esi elabena eɖe srɔ̃ geɖewo. data/train/JDG/JDG_018_Verse_009.mp3,Egblɔ dɔ si wɔm wòle na Mika abe eƒe nunɔla ene la na wo. data/train/JDG/JDG_005_Verse_017.mp3,"“Miɖo to, mi fiawo kple fiaviwo, mele ha dzi ge tso Yehowa ŋu, tso Israel ƒe Mawu la ŋu." data/train/JDG/JDG_020_Verse_010.mp3,"Benyamin ƒe to la do ɣli be, “Míegale wo dzi ɖum egbe hã!” Ke, enye ɖoɖo le Israel ƒe aʋakplɔlawo dome do ŋgɔ be yewoasi ale be Benyamin ƒe to la nakplɔ yewo ɖo ale be woadzo le woƒe dua gbɔ." data/train/JDG/JDG_021_Verse_016.mp3,Miwu ŋutsuwo katã kple nyɔnu siwo katã dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ.” data/train/JDG/JDG_001_Verse_017.mp3,"Ke Manase ƒe viwo menya ame siwo nɔ Bet Sean, Taanak, Dor alo Ibleam alo Megido kple ame siwo nɔ wo ŋu kɔƒewo me la o elabena Kanaantɔwo ɖoe kplikpaa be yewoanɔ anyigba ma dzi." data/train/JDG/JDG_009_Verse_049.mp3,"Sekemtɔwo be ɖe mɔ si yi to la dzi la dzi na Abimelek. Esi wonɔ elalam be wòava yi la, woda adzo ame siwo va to mɔ la dzi yina. Ke ame aɖe fi tofi na Abimelek le nugbe si woɖo ɖe eŋu la ŋuti." data/train/JDG/JDG_007_Verse_020.mp3,"Woyɔ Israelvi siwo tso Naftali, Aser kple Manase la, wodo go eye woti Midiantɔwo yome." data/train/JDG/JDG_009_Verse_052.mp3,"“Wogblɔ na wainka be, ‘Va ɖu fia ɖe mía dzi.’" data/train/JDG/JDG_011_Verse_008.mp3,"Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo henɔ ɣli dom be, “O, vinyenyɔnu! Ètsɔm do nublanuitɔ kple ame ɖigbɔ̃e elabena meɖe adzɔgbe na Yehowa esi dzi nyemate ŋu ada le o.”" data/train/JDG/JDG_013_Verse_016.mp3,Mawu se Manoa ƒe gbedodoɖa eye Mawudɔla la gaɖe eɖokui fia srɔ̃a esime wònɔ agble me. Eya ɖeka koe nɔ afi ma: Manoa menɔ afi ma o data/train/JDG/JDG_015_Verse_001.mp3,"Ale Yuda ŋutsu alafa etɔ̃ (3,000) yi Samson gbɔ le agado la me le Etam. Wobiae be, “Nu kae nye nu sia si nèle mía wɔm? Ɖe mènya be Filistitɔwoe le mía dzi ɖum oa?” Samson ɖo eŋu be, “Nu si wowɔm teƒe koe meɖo na wo.”" data/train/JDG/JDG_020_Verse_040.mp3,"Levitɔ la gblɔ be, “Míeva ɖo Gibea, Benyamin ƒe to la ƒe du aɖe me gbe ɖeka fiẽ." data/train/JDG/JDG_003_Verse_025.mp3,"Ke le esime Israelviwo natsrɔ̃ wo teƒe la, woɖe srɔ̃ tso wo dome. Israel ɖekakpuiwo ɖe dukɔ siawo ƒe ɖetugbiwo eye woawo hã ƒe ɖekakpuiwo ɖe Israel ɖetugbiwo. Eteƒe medidi hafi Israelviwo de asi dukɔ siawo ƒe mawuwo subɔsubɔ me o." data/train/JDG/JDG_018_Verse_005.mp3,Ale ŋutsu alafa ade tso Dan ƒe to la me bla akpa eye wodze mɔ tso Zora kple Estaol. data/train/JDG/JDG_005_Verse_009.mp3,"“Israelviwo katã, hotsuitɔwo kple ahetɔwo siaa, hotsuitɔ siwo doa tedzi ɣiwo ɖoa afɔ afɔɖodzinu xɔasiwo dzi kple ame dahe, afɔzɔlawo siaa, mikpe ta, miakafui." data/train/JDG/JDG_018_Verse_007.mp3,Dan to la tsɔ Mika ƒe legbawo eye wokplɔ eƒe nunɔla la va ɖo Lais. Lais dua me tɔwo nɔ anyi le ŋutifafa me eye womenya be naneke le dzɔdzɔm o. Wodze wo dzi kple yi eye wotɔ dzo woƒe dua. data/train/JDG/JDG_019_Verse_013.mp3,"Eyi edzi be, “Mina míadze agbagba be míaɖo Gibea alo Rama eye míatsi teƒe mawo dometɔ ɖeka adɔ.”" data/train/JDG/JDG_006_Verse_024.mp3,"Mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Tsɔ lã la kple abolo maʋamaʋã la da ɖe agakpe ma dzi eye nàtrɔ detsi la kɔ ɖe edzi.” Esi Gideon wɔ alea la," data/train/JDG/JDG_019_Verse_000.mp3,"Ale wo kple eve la wonɔ anyi, eye woɖu nu, no nu ɖekae. Emegbe la nyɔnuvi la fofo gblɔ be, “Meɖe kuku tsi mía gbɔ egbe sia hã eye nàdo dzidzɔ na ɖokuiwò.”" data/train/JDG/JDG_020_Verse_023.mp3,"Hafi woadze aʋa la wɔwɔ gɔme la, Israelviwo yi Betel gbã eye wobia Mawu be, “To kae anɔ ŋgɔ na mí, míawɔ aʋa kple Benyamin ƒe to la?” Yehowa ɖo eŋu be, “Yuda ƒe viwoe anɔ ŋgɔ.”" data/train/JDG/JDG_020_Verse_037.mp3,"Ke esi Israelviwo ƒe aʋalɔgo gãtɔ ɖo Baal Tama la, etrɔ hekpe aʋa kple Benyamin ƒe to la azɔ eye Israelvi akpe ewo si de xa ɖe Gibea ƒe ɣetoɖoƒe la, do go tso teƒe si wode xa ɖo" data/train/JDG/JDG_020_Verse_032.mp3,"Israelviwo ƒe aʋawɔlawo, ame siwo dome Benyamin ƒe viwo mele o la de ame akpe alafa ene (400,000)." data/train/JDG/JDG_006_Verse_032.mp3,Tete Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Gideon dzi. Eku kpẽ yɔ Abiezeritɔwo be woadze ye yome. data/train/JDG/JDG_009_Verse_004.mp3,Abimelek nɔ Aruma ɣe ma ɣi. Zebul nya Gaal kple eƒe ƒometɔwo le Sekem eye meɖe mɔ be woaganɔ afi ma o. data/train/JDG/JDG_006_Verse_020.mp3,"kpɔ ɖa, matsɔ alẽgbalẽ sia ada ɖe lugbɔƒe la; nenye be zãmu dza ɖe alẽgbalẽ la ko dzi le esime anyigba la le ƒuƒui la, ekema manyae be àɖe Israel to nye asi dzi abe ale si nègblɔ ene.”" data/train/JDG/JDG_002_Verse_017.mp3,nyemaganya dukɔ siwo Yosua metsrɔ̃ hafi ku o la le wo ŋgɔ o; data/train/JDG/JDG_007_Verse_003.mp3,"Aʋalɔgo etɔ̃awo me nɔlawo hã ku kpẽawo, gbã woƒe anyikpluwo, lé akakatiawo ɖe mia eye wolé kpẽawo ɖe ɖusi hena kuku. Wodo ɣli sesĩe be, “Esia nye yi na Yehowa kple Gideon!”" data/train/JDG/JDG_006_Verse_008.mp3,"Esi Israelviwo do ɣli na Yehowa le Midiantɔwo ta la," data/train/JDG/JDG_019_Verse_027.mp3,"Ŋutsu sia kplɔ subɔla ɖeka kple tedzi eve yi be yewoable ahiãvi la nu akplɔe agbɔe. Esi woɖo Betlehem la, nyɔnuvi la xɔ wo nyuie eye wòɖe wo fia fofoa, ame si hã xɔ wo nyuie" data/train/JDG/JDG_018_Verse_030.mp3,"Ŋkutsalawo ɖo eŋu be, “Mina míaho aʋa ɖe wo ŋu! Míekpɔ anyigba la: enyo ŋutɔ. Migawɔ kuvia le anyigba la xɔxɔ ŋu o." data/train/JDG/JDG_018_Verse_003.mp3,Ale woge ɖe Levitɔ ɖekakpui la ƒe aƒe me le Mika ƒe teƒe hedo gbe nɛ. data/train/JDG/JDG_018_Verse_001.mp3,"Ale Dan ƒe to la gaho ɖe edzi eye esi Mika kpɔ be ameawo sẽ wu ye akpa ta la, etrɔ dzo yi aƒe me." data/train/JDG/JDG_015_Verse_013.mp3,"Nu sia ta Samson yi ɖalé abei alafa etɔ̃, sa kɔ abei eve ɖe sia ɖe ƒe asikewo ɖekae eye wòbla akakati ɖeka ɖe abei eve ɖe sia ɖe siwo ƒe asikewo wòsa ɖekae la ŋu." data/train/JDG/JDG_013_Verse_018.mp3,"Tete Manoa do gbe ɖa na Yehowa be, “Oo, Aƒetɔ, míeɖe kuku, na ame si tso Mawu gbɔ la, nagava mía gbɔ eye wòafia nu mí tso ale si míahe ɖevi si dzi ge míala la ŋu.”" data/train/JDG/JDG_019_Verse_023.mp3,togbɔ be nuɖuɖu le mía si na míaƒe tedziwo eye nuɖuɖu kple wain hã sɔ gbɔ na nye ŋutɔ kple nye ahiãvi kple subɔla la hã hafi.” data/train/JDG/JDG_001_Verse_018.mp3,"Le esia megbe la, Yuda ƒe viwo wɔ aʋa kple Kanaantɔwo le Negeb ƒe tonyigba dzi kple gbadzaƒe si le ƒuta." data/train/JDG/JDG_010_Verse_002.mp3,"Enye ʋunudrɔ̃la na Israelviwo ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ eye esi wòku la, woɖii ɖe Samir." data/train/JDG/JDG_012_Verse_009.mp3,"wogblɔna nɛ be, “Enyo, gblɔ be, ‘Tsibolet.’ ” Ekema ne amea gblɔ be, “Siblet” elabena mate ŋu ayɔ nya Tsibolet nyuie o la, wolénɛ wunɛ le Yɔdan ƒe tɔtsoƒe la. Wowu Efraimtɔ akpe blaene-vɔ-eve le ɣe ma ɣi me." data/train/JDG/JDG_010_Verse_006.mp3,"Gilead ƒe kplɔlawo gblɔ be, “Ame kae akplɔ míaƒe aʋakɔwo le aʋawɔwɔ kple Amonitɔwo me? Ame si akplɔ míaƒe aʋakɔwo la azu míaƒe fia!”" data/train/JDG/JDG_019_Verse_017.mp3,"Ke ŋutsu la melɔ̃ be yeagatsi anyi zã ma me o, ale wodze mɔ heɖo ta Yebus si woyɔna hã be Yerusalem kple eƒe tedzi eve siwo wodo agba na kple eƒe ahiãvi la." data/train/JDG/JDG_020_Verse_007.mp3,Ame siawo yi Gibea dua me eye wowu ame sia ame. data/train/JDG/JDG_020_Verse_005.mp3,"Ale Yehowa si Benyamin ƒe to la le Israelviwo ŋgɔ eye Israelviwo wu ame akpe blaeve vɔ atɔ̃ le Benyamin ƒe to la dome, ale wonya azɔ be woɖu yewo dzi; woƒe aʋawɔla ʋɛ aɖewo koe susɔ." data/train/JDG/JDG_020_Verse_027.mp3,Israelviwo gakpe aʋa kple Benyamin ƒe to la zi evelia. data/train/JDG/JDG_015_Verse_015.mp3,"Samson nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel le ƒe blaeve siwo kplɔ nya siawo ɖo la me, ke Filistitɔwo gaɖu Israelnyigba la dzi kokoko." data/train/JDG/JDG_015_Verse_003.mp3,"Emegbe la Samson gblɔ be, “Tedzi glãe metsɔ wu ame akpe ɖekae!”" data/train/JDG/JDG_009_Verse_033.mp3,"Ke esi dumegã Zebul se nya si Gaal gblɔ la, edo dɔmedzoe." data/train/JDG/JDG_005_Verse_024.mp3,"“Sisera dada nɔ fesre nu kpɔm tso fesrenuvɔ la megbe edo ɣli be, ‘Nu ka ta eƒe tasiaɖam meva ɖo kpɔ o? Nu ka ta míese tasiaɖam la ƒe afɔzi o?’" data/train/JDG/JDG_008_Verse_014.mp3,"Gideon gblɔ na wo be, “Ne Aƒetɔ la tsɔ wo de asi nam la, ekema matrɔ ava eye matsɔ aŋɔka ƒe ŋuwo adze ŋuti na mi.”" data/train/JDG/JDG_016_Verse_004.mp3,"Amewo yɔ xɔ la taŋtaŋ; Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo kple ame bubu akpe etɔ̃ (3,000) nɔ xɔ la tame henɔ Samson ƒe modzakaɖename ƒe nuwɔnawo kpɔm." data/train/JDG/JDG_006_Verse_038.mp3,"Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Manɔ kpli wò eye nàtsrɔ̃ Midiantɔwo katã abe ame ɖekae wonye ene!”" data/train/JDG/JDG_013_Verse_013.mp3,"Manoa gblɔ na Yehowa ƒe dɔla la be, “Míadi be nànɔ mía gbɔ va se ɖe esime míalé gbɔ̃vi aɖe aɖa nui na wò.”" data/train/JDG/JDG_014_Verse_019.mp3,"Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va edzi eye esi lãnu aɖeke menɔ esi o la, etsɔ asi ƒuƒlu fe dzata la ƒe glã bɔbɔe abe gbɔ̃vi aɖe tɔ ene! Ke Samson megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋuti na dzilawo o." data/train/JDG/JDG_009_Verse_041.mp3,"Le ŋufɔke la, Sekemtɔwo gayi aʋa, ke ame aɖe fi tofi na Abimelek tso woƒe ɖoɖowo ŋu." data/train/JDG/JDG_014_Verse_014.mp3,"Le ŋkeke enea gbe la, wogblɔ na Samson srɔ̃ be, “Ble srɔ̃wò nu ne wòaɖe adzo la gɔme na mí. Ne menye nenema o la, míatɔ dzo wò kple fofowò ƒe aƒekɔ la miaku. Ɖe miekpe mí va afi siae be miada adzo mía?”" data/train/JDG/JDG_003_Verse_022.mp3,"Ke esi eteƒe didi, eye fia la medo go o la, dzika tso wo ƒo, ale wodi safui aɖe heʋu ʋɔ la, kasia wokpɔ fia la wòku, mlɔ anyigba." data/train/JDG/JDG_005_Verse_008.mp3,"Isaka ƒe fiaviwo, Debora kple Barak, ɖiɖi ɖe balime la le Mawu ƒe ɖoɖo nu. Ke Ruben ƒe viwo ya meyi o." data/train/JDG/JDG_013_Verse_012.mp3,"Manoa do ɣli gblɔ na srɔ̃a be, “Aléle, míedze na ku elabena míekpɔ Mawu.”" data/train/JDG/JDG_008_Verse_023.mp3,"Le esia megbe la, Gideon bia Fia Zeba kple Fia Zalmuna be, “Ame siwo miewu le Tabɔr ɖe, aleke wole?” Woɖo eŋu be, “Wodo awu abe miawo ene tututu, abe fiaviŋutsuwo ene.”" data/train/JDG/JDG_005_Verse_002.mp3,"Edo eƒe asi ɖa tsɔ tsyoti eye wòtsɔ eƒe nuɖusi tsɔ dɔwɔlawo ƒe zu, edae ɖe Sisera dzi hegbã ta nɛ, eŋɔ eye wògbã eƒe glãƒu" data/train/JDG/JDG_015_Verse_008.mp3,Etsɔ tedzi kuku aɖe ƒe glãƒu si nɔ anyigba la eye wotsɔe wu Filistitɔ akpe ɖeka. data/train/JDG/JDG_004_Verse_003.mp3,"Azɔ Kenitɔ, Heber, dzo le Kenitɔ bubuawo dome, ame siwo nye Mose toa, Hobab ƒe dzidzimeviwo eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe ati gã si le Zaananim, esi te ɖe Kedes ŋu la gbɔ." data/train/JDG/JDG_005_Verse_022.mp3,Se futɔwo ƒe sɔwo ƒe afɔzi ɖa! Kpɔ woƒe sɔwo ƒe duƒuƒu ɖa! data/train/JDG/JDG_003_Verse_001.mp3,Ale Ehud do go ɖe akpata me hetu dziƒoxɔ la ƒe ʋɔtruwo eye wode ga wo me. data/train/JDG/JDG_010_Verse_005.mp3,Gake miegagblẽam ɖi enuenu eye miesubɔa mawu bubuwo eya ta mibu ɖa le ŋkuta nam! Nyemagaɖe mi akpɔ o. data/train/JDG/JDG_018_Verse_004.mp3,"Ale ŋkutsalawo trɔ yi wo nɔviwo gbɔ le Zora kple Estaol. Wobia wo be, “Aleke miedee eye nu kawo miekpɔ?”" data/train/JDG/JDG_014_Verse_017.mp3,"Tete Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ va Samson dzi kple ŋusẽ, eyi Askelon du la me, wu ŋutsu blaetɔ̃, ɖe woƒe awuwo eye wòtsɔ wo na ɖekakpui siwo ɖe adzo la gɔme. Ke dɔ me vee eya ta wògblẽ srɔ̃a ɖi eye wòdzo yi fofoa ƒe aƒe me." data/train/JDG/JDG_009_Verse_027.mp3,"Gaal do ɣli be, “Ame kae nye Abimelek eye nu ka ta wòanye míaƒe fia? Nu ka ta míanye eƒe subɔlawo? Eya kple xɔlɔ̃a, Zebul, boŋue anye míawo ƒe subɔlawo. Miɖe kɔ ɖa le Abimelek ŋu!" data/train/JDG/JDG_009_Verse_016.mp3,"Esi Abimelek se be ameawo si yi mɔ la me la," data/train/JDG/JDG_007_Verse_023.mp3,"Yehowa gblɔ na Gideon be, “Wò aʋakɔ la sɔ gbɔ akpa! Nyemaɖe mɔ mi katã miawɔ aʋa kple Midiantɔwo o, elabena Israelviwo ava ƒo adegbe nam be, ‘Míawoe ɖe mía ɖokuiwo to míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me’" data/train/JDG/JDG_020_Verse_002.mp3,Ale Israelvi aɖewo de xa ɖe teƒe vovovoawo ƒo xlã Gibea data/train/JDG/JDG_015_Verse_002.mp3,"Egblɔ na Samson be, “Mebu xaa be ɖe nèlé fui eya ta metsɔe na xɔ̃wò wòɖe. Nɔvia suetɔ hã li, ame si dze tugbe wui eya ta àte ŋu aɖe eya boŋ.”" data/train/JDG/JDG_001_Verse_006.mp3,"Benyamin ƒe viwo mete ŋu tsrɔ̃ Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem o eya ta wogale afi ma kple Israelviwo va se ɖe egbe." data/train/JDG/JDG_021_Verse_006.mp3,"eye ne Silo ɖetugbiwo va yina ɣeɖuƒe la, mialũ ɖe wo dzi, mialé wo sesẽ ayi miaƒe aƒewo me ne woazu mia srɔ̃wo!" data/train/JDG/JDG_018_Verse_006.mp3,"Ame alafa ade tso Dan ƒe to la me, ame siwo bla akpa na aʋawɔwɔ la tsi tsitre ɖe agbo la nu." data/train/JDG/JDG_009_Verse_039.mp3,"Le esime wonɔ nuŋeŋeŋkekenyui ɖum le Sekem le ƒe ma me le woƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, amewo no wain nyuie eye wode asi fiƒoƒo de Abimelek me." data/train/JDG/JDG_021_Verse_011.mp3,"Israelviwo katã fa konyi le ale si Benyamin ƒe to la tsrɔ̃ le wo dome la ta eye wogblɔ be, “Israel ƒe to blibo ɖeka tsrɔ̃ le mía dome." data/train/JDG/JDG_006_Verse_013.mp3,Gideon kplɔ eƒe subɔla ewo ɖe asi eye wòwɔ nu si Yehowa ɖo nɛ. Ewɔ nu siawo le zã me elabena enɔ fofoa ƒe aƒemetɔwo kple dua me tɔwo siaa vɔ̃m elabena enya nu si woawɔ ne wonya ame si wɔ nu siawo. data/train/JDG/JDG_008_Verse_028.mp3,Tete wòlé dumemetsitsiawo eye wòtsɔ aŋɔkawo kple ŋuwo fia nunya woe. data/train/JDG/JDG_008_Verse_024.mp3,"Le esia megbe la, Gideon to mɔ si to Heres mɔ la gbɔ hetrɔ gbɔ." data/train/JDG/JDG_014_Verse_008.mp3,"Esi woɖo Timna la, eƒo nu kple ɖetugbi la eye wòkpɔ be eya tututu dim yele. Ale wowɔ srɔ̃ɖeɖe la ŋu ɖoɖowo." data/train/JDG/JDG_009_Verse_025.mp3,"eye wòdo susu sia ɖe wo gbɔ be: Alekee, anyo na mi be Yerubaal ƒe vi blaadre sɔŋ naɖu fia ɖe mia dzi loo, alo be nye Abimelek, ame si nye mia vi ŋutɔŋutɔ la naɖu fia ɖe mia dzia, miyi ɖabia dumemetsitsiawo se." data/train/JDG/JDG_020_Verse_041.mp3,"Miawɔla alafa adre siwo nye aŋutrɔdala nyuiwo la nɔ ameawo dome, ame siwo ƒe alɔ dzɔna ale gbegbe be womedzidzea naneke danɛ ƒu o." data/train/JDG/JDG_011_Verse_030.mp3,"Yefta bia wo be, “Nu ka ta mieva yɔm le esime mielé fum eye mienyam le fofonye ƒe aƒe me? Nu ka tae mieɖo du ɖem azɔ esi miele xaxa me?”" data/train/JDG/JDG_019_Verse_012.mp3,"eye wòbia tso wo si be woanɔ yewo gbɔ vie. Ale wonɔ wo gbɔ ŋkeke etɔ̃ le dzidzɔ kple dzidzeme me. Woɖu nu, no nu eye wotsi afi ma dɔ ŋkeke etɔ̃." data/train/JDG/JDG_007_Verse_019.mp3,"Ne nye kple nye amewo míeku míaƒe kpẽwo ko la, miawo hã miku mia tɔwo le asaɖa la ƒe akpa ɖe sia ɖe eye miado ɣli sesĩe be, ‘Míele aʋa wɔm na Mawu kple Gideon!’ ”" data/train/JDG/JDG_013_Verse_001.mp3,"Azɔ la, kpɔ egbɔ be mèno wain alo aha muame aɖeke o, eye màɖu naneke si ŋuti mekɔ o" data/train/JDG/JDG_009_Verse_042.mp3,"Mawu na dzre va dzɔ ɖe Fia Abimelek kple Sekemtɔwo dome, ale Sekemtɔwo tso ɖe fia la ŋu." data/train/JDG/JDG_002_Verse_014.mp3,"Ne Israelviwo yi aʋa wɔ ge la, Yehowa megakpena ɖe wo ŋu o ale woɖua wo dzi abe ale si wòka atam na wo la ene eya ta wonɔ xaxa gã aɖe me." data/train/JDG/JDG_008_Verse_003.mp3,"Azɔ Gideon ɖe gbe na Via ŋutsu tsitsitɔ, Yeter, be wòawu wo. Ke Yeter metsi o eya ta enɔ vɔvɔ̃m be yeawu wo." data/train/JDG/JDG_011_Verse_021.mp3,"Le esia megbe la, etrɔ va aƒe eye Yefta wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi, ale ɖetugbi la meɖe srɔ̃ o. Tso gbe ma gbe dzi la, ezu kɔnu le Israelviwo dome" data/train/JDG/JDG_016_Verse_012.mp3,"eye wòtsɔ ɖalénu lée. Azɔ edo ɣli be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson nyɔ eye wòtu ɖa babla la." data/train/JDG/JDG_004_Verse_004.mp3,"Barak ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be wò ŋutɔ àyi kplim la, ekema mayi gake ne màyi kplim o la, nyemayi o.”" data/train/JDG/JDG_009_Verse_031.mp3,"Gbe ɖeka la, atiwo kpe ta be woaɖo fia na wo ɖokui. Wogblɔ na amiti be, ‘Ɖu fia ɖe mía dzi.’" data/train/JDG/JDG_018_Verse_008.mp3,"Dan ƒe to la ɖo eŋu be, “Mègahe nya kpli mí o, ne menye nenema o la, ame siwo doa dziku kabakaba la dometɔ aɖewo adze mia dzi eye wò kple wò aƒe miabu miaƒe agbe.”" data/train/JDG/JDG_004_Verse_014.mp3,"Gbe ɖeka la, Debora yɔ Barak, Abinoam ƒe vi, ame si nɔ Kedes le Naftalinyigba dzi eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la de se na wò be, ‘Yi, nàƒo ƒu aʋawɔla akpe ewo (10,000) tso Naftali ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo dome eye nàkplɔ wo ayi Tabɔr to la dzi." data/train/JDG/JDG_011_Verse_015.mp3,"Israel ɖo du ɖe Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon eye wòbia be wòaɖe mɔ yewoato eƒe anyigba dzi ayi afi si yewoyina." data/train/JDG/JDG_004_Verse_017.mp3,"Mable Sisera, Yabin ƒe aʋakplɔla, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe aʋakɔ blibo la nu ayi Kison tɔsisi la toe eye matsɔ wo ade asi na wò le afi ma.’ ”" data/train/JDG/JDG_006_Verse_005.mp3,"Edɔ dɔlawo wotsa le Manase, yɔ ameawo be woabla akpa eye wòɖe Aser, Zebulon kple Naftali hã be woawo hã nayi aɖado go wo." data/train/JDG/JDG_019_Verse_028.mp3,"Ŋutsu tsitsi la gblɔ be, “Miva dze gbɔnye, menyo be miatsi ablɔme le afi sia o elabena mianɔ dedie o.”" data/train/JDG/JDG_006_Verse_015.mp3,"Gideon ɖo eŋu be, “Ke azɔ la, ne mekpɔ amenuveve le wò ŋkume la, na dzesim ne manyae be wòe le nu ƒom nam vavã." data/train/JDG/JDG_012_Verse_000.mp3,"Efraim ƒe viwo ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe Zafɔn eye woɖo du ɖe Yefta be, “Nu ka ta mèyɔ mí be míakpe ɖe ŋuwò esi nèwɔ aʋa kple Amonitɔwo o? Míele dzo tɔ ge wò aƒe ɖe dziwò!”" data/train/JDG/JDG_011_Verse_031.mp3,"Yefta do ɣli be, “Nyateƒea? Ɖe miebu be maxɔ nya sia sea?”" data/train/JDG/JDG_004_Verse_005.mp3,"Debora gblɔ na Barak be, “Yi! Le egbeŋkeke sia dzi, Yehowa tsɔ Sisera de asiwò me. Ɖe Yehowa medze ŋgɔ na wò oa?” Ale Barak ɖi tso Tabɔr to la dzi eye ŋutsu akpe ewoawo nɔ eyome." data/train/JDG/JDG_020_Verse_029.mp3,Israelviwo yi be woawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo eye wodze aʋalɔgowo ɖe wo ŋu le Gibea. data/train/JDG/JDG_019_Verse_010.mp3,"Esi wòɖo aƒe la, etsɔ hɛ fli eƒe ahiãvi la ɖe eƒe ƒunuɖeƒewo ɖe akpa wuieve me eye wòɖo akpa ɖeka ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe." data/train/JDG/JDG_016_Verse_019.mp3,"Mlɔeba la, le eƒe gbe sia gbe ƒe nyatoƒitoto kple fuɖename ta la, ɖeɖi te Samson ŋu." data/train/JDG/JDG_015_Verse_014.mp3,"Samson ka atam be, “Magabia hlɔ̃ kokoko hafi adzudzɔ.”" data/train/JDG/JDG_004_Verse_006.mp3,"Debora ɖo eŋu nɛ be, “Enyo ŋutɔ, mayi kpli wò gake ɖe ale si nèle nya la ŋuti dɔ wɔmii ta la, bubu la manye tɔwò o elabena Yehowa atsɔ Sisera ade asi na nyɔnu.” Ale Debora yi Kedes kple Barak," data/train/JDG/JDG_021_Verse_005.mp3,"Esi woxlẽ ameawo la, wokpɔe be Yabes Gileadtɔ aɖeke menɔ afi ma o." data/train/JDG/JDG_018_Verse_019.mp3,"Levitɔ la lɔ̃ be yeayi kpli wo, ale wòtsɔ kɔmewu la, aƒedomemawuwo kple aklamakpakpɛwo hedze wo yome." data/train/JDG/JDG_005_Verse_012.mp3,Ke Zebulon ƒe viwo kple Naftali ƒe viwo tsɔ wo ɖokui ke le aʋagbedzi. data/train/JDG/JDG_005_Verse_021.mp3,"“Oo, Yehowa, na wò futɔwo katã natsrɔ̃ nenema ke ame siwo lɔ̃a Yehowa ya la, na be woanɔ abe ɣe ene ne edze le eƒe ŋusẽ me!” Tete anyigba la kpɔ ŋutifafa ƒe blaene." data/train/JDG/JDG_014_Verse_018.mp3,"Tete Samson srɔ̃ tsɔ eɖokui ƒu Samson dzi, nɔ hehe ɖom be, “Èlé fum! Mèlɔ̃m kura o. Èto adzo na nye amewo gake mèɖe egɔme nam o.” Samson ɖo eŋu nɛ be, “Nyemeɖe egɔme na fofonye alo danye gɔ̃ hã o. Nu ka tae maɖe egɔme na wò ya?”" data/train/JDG/JDG_001_Verse_035.mp3,"Ŋutsu la ʋu yi ɖe Hititɔwo ƒe anyigba dzi, afi si wòtso du ɖo hena ŋkɔe be Luz eye aleae woyɔnɛ va se ɖe egbe." data/train/JDG/JDG_009_Verse_014.mp3,"Enumake eɖo du ɖe Abimelek le Aruma be, “Gaal, Ebed ƒe vi kple eƒe ƒometɔwo ʋu va le Sekem eye wole aɖaŋu vɔ̃ ɖom na amewo be woatso ɖe ŋuwò." data/train/JDG/JDG_005_Verse_025.mp3,"Sisera dze anyi ɖe Yael ƒe afɔ nu etsi afi si wòdze anyi ɖo. Emu, dze to ɖe eƒe afɔ nu, afi si wòmu ɖo la, afi mae wòdze anyi ɖo eye afi mae wòku ɖo." data/train/JDG/JDG_006_Verse_019.mp3,"Ke Yehowa gblɔ nɛ be, “Ŋutifafa na wò! Mègavɔ̃ o. Mèle kuku ge o.”" data/train/JDG/JDG_002_Verse_007.mp3,"Gbe ɖeka la, Mawudɔla aɖe tso Gilgal yi Bokim eye wògblɔ na Israelviwo be, “Mekplɔ mi tso Egiptenyigba dzi va anyigba si ŋugbe medo na mia tɔgbuiwo la dzi. Megblɔ na mi bena, nyemagbe nubabla si mewɔ kpli mi la dzi wɔwɔ o," data/train/JDG/JDG_020_Verse_008.mp3,"Ameawo katã gblɔ kple gbe ɖeka be, “Mía dometɔ aɖeke mayi aƒe me o va se ɖe esime míahe to na Gibeatɔwo." data/train/JDG/JDG_003_Verse_019.mp3,"Hafi wòayi la, Ehud wɔ adekpui nuevee aɖe si didi mita afã. Eblae ɖe eƒe ɖusita ŋu eye wòdo awu ɖe edzi." data/train/JDG/JDG_012_Verse_013.mp3,"Ʋunudrɔ̃la si kplɔ Elon ɖo lae nye Abdon, Hilel ƒe vi, tso Piratɔn." data/train/JDG/JDG_008_Verse_020.mp3,"Ke Gideon ɖo eŋu be, “Ɖe Efraim ƒe wainxaxa mlɔetɔ menyo wu Abiezer ƒe wainxaxa blibo la oa?" data/train/JDG/JDG_011_Verse_032.mp3,Yefta gaɖo amewo ɖe Amonitɔwo ƒe fia data/train/JDG/JDG_012_Verse_005.mp3,"Le Ibzan yome la, Elon Zebulontɔ zu ʋɔnudrɔ̃la na Israelviwo ƒe ewo." data/train/JDG/JDG_012_Verse_002.mp3,"Esi Elon ku la, woɖii ɖe Aiyalon le Zebulonyigba dzi." data/train/JDG/JDG_015_Verse_010.mp3,Filistitɔwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Yuda eye wokaka ɖe Lehi. data/train/JDG/JDG_005_Verse_011.mp3,"Kanaan fiawo wɔ aʋa le Taanak kple Megido vudowo gbɔ, ke womeɖu futɔwo dzi o." data/train/JDG/JDG_011_Verse_038.mp3,"Yehowa, míaƒe Mawu la kpe ɖe Israelviwo ŋu woɖu Fia Sixɔn dzi. Ale Israelviwo xɔ anyigba si dzi Amoritɔwo nɔ la katã." data/train/JDG/JDG_020_Verse_020.mp3,"eye wokplɔ Benyamin ƒe to la ɖo to megbe, le esime Benyamin ƒe to la menya kura be aʋa si yewo to megbe o." data/train/JDG/JDG_005_Verse_013.mp3,"Kison tɔsisi la ƒe tsi sisiwo kplɔ wo dzoe. Nye luʋɔ, yi ŋgɔ kple ŋusẽ!" data/train/JDG/JDG_021_Verse_019.mp3,"Wofa avi gblɔ be, “Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, nu ka ta wòva eme be míaƒe towo dometɔ ɖeka le bubum le mía dome?”" data/train/JDG/JDG_021_Verse_007.mp3,"Eye wobia be, “Israel ƒe to ka me tɔwoe meva takpekpea me le Yehowa ŋkume le Mizpa o?” Wokpɔe be, ame aɖeke metso Yabes Gilead va asaɖa la me na takpekpe la o." data/train/JDG/JDG_019_Verse_003.mp3,"Ame vloawo meɖo toe o. Tete Levitɔ la he ahiãvi la do goe tso xɔ la me na wo. Ameawo wɔ fui, dɔ kplii ɖekaɖeka to zã blibo la me. Esi woɖe asi le eŋu mlɔeba le fɔŋli la," data/train/JDG/JDG_008_Verse_010.mp3,"Etrɔ va Sukɔt eye wògblɔ na wo be, “Mieɖu fewu le ŋunye be, nye asi masu Fia Zeba kple Fia Zalmuna dzi akpɔakpɔ o eye miegbe, miena nuɖuɖu mí o, le esime ɖeɖi te mía ŋu eye dɔ nɔ mía wum. Kpɔ ɖa, fia eveawoe nye esiawo.”" data/train/JDG/JDG_012_Verse_012.mp3,"Yefta ɖo eŋu be, “Meyɔ mi gake miegbe vava, esi míeɖo xaxa me la, miegbe miekpe ɖe mía ŋu o." data/train/JDG/JDG_003_Verse_014.mp3,"Esi fia la ƒe subɔlawo kpɔ be ʋɔa nɔ tutu la, wolala, elabena wobu be ɖewohĩ fia la nɔ tsileƒe." data/train/JDG/JDG_018_Verse_021.mp3,"Nunɔla la ɖo eŋu be, “Miyi le ŋutifafa me, Yehowa le mia ta kpɔm.”" data/train/JDG/JDG_021_Verse_022.mp3,"Wokpɔ ɖetugbi alafa ene siwo medɔ ŋutsu gbɔ kpɔ o la le ame siwo nɔ Yabes Gilead la dome eye wokplɔ wo va asaɖa la me le Silo, le Kanaanyigba dzi." data/train/JDG/JDG_020_Verse_004.mp3,Ale mefli ame kukua ɖe akpa wuieve me eye meɖo akpa ɖeka ɖe to ɖe sia ɖe le Israelnyigba dzi elabena ame siawo wɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe. data/train/JDG/JDG_011_Verse_013.mp3,Gake wɔ nye didi sia ko dzi nam. Na ɣleti evem matsa le togbɛawo dzi afa konyi kple xɔ̃nyewo elabena nyemaɖe srɔ̃ akpɔakpɔ o.” data/train/JDG/JDG_020_Verse_026.mp3,Israelviwo bia gbe Yehowa (le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma data/train/JDG/JDG_002_Verse_001.mp3,Ale Yehowa gblẽ dukɔ siawo ɖe anyigba la dzi; menya wo ɖa zi ɖeka to wo tsɔtsɔ de asi na Yosua me o. data/train/JDG/JDG_010_Verse_015.mp3,"Wogawɔ aʋa kpli wo le Yuda, Benyamin kple Efraim hã elabena Amonitɔwo tso Yɔdan tɔsisi la va wɔ aʋa kple Israelviwo. Nu sia yi edzi ƒe wuienyi sɔŋ" data/train/JDG/JDG_008_Verse_019.mp3,"Israelviwo gblɔ na Gideon be, “Ɖu fia ɖe mía dzi, wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo kple wò tɔgbuiyɔviwo elabena èɖe mí tso Midiantɔwo ƒe asi me.”" data/train/JDG/JDG_019_Verse_006.mp3,"Esi Levitɔ la ʋu ʋɔa hena mɔdzedze la, ekpɔ eƒe ahiãvi la wòmlɔ anyigba le ʋɔtrua ŋgɔ, eye eƒe asiwo nɔ kpui dzi." data/train/JDG/JDG_020_Verse_045.mp3,"Wosi le Israelviwo nu ɖo ta gbedzi, Israelviwo kplɔ wo ɖo eye ame siwo be ɖe mɔa dzi la va kpe ɖe wo nɔviwo ŋu hewu Benyamin ƒe to la tso megbe." data/train/JDG/JDG_020_Verse_036.mp3,"Ke ame alafa ade si yi gbegbe la, yi Rimon ƒe agakpe la gbɔ eye wonɔ afi ma ɣleti ene." data/train/JDG/JDG_010_Verse_000.mp3,"ame siwo te wo ɖe to, gbã wo gudugudu. Hena ƒe wuienyi la, wote Israelvi siwo katã nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Gilead, le Amoritɔwo ƒe anyigba dzi la ɖe to." data/train/JDG/JDG_006_Verse_009.mp3,"Eva eme nenema tututu! Esi Gideon fɔ ŋdi la, etsɔ alẽgbalẽ la, fiae eye zãmu si dza ɖe edzi la yɔ gagbɛ ɖeka." data/train/JDG/JDG_014_Verse_010.mp3,"Fofoa kple dadaa medze sii be Mawue nɔ mɔ trem na Filistitɔwo, ame siwo nye Israel dziɖulawo le ɣe ma ɣi o." data/train/JDG/JDG_009_Verse_051.mp3,Wò kple wò aʋakɔ miva be ɖe gbedzi le zã me data/train/JDG/JDG_006_Verse_033.mp3,"Tso gbe ma gbe dzi la, wona ŋkɔ Gideon be, “Yerubaal” si gɔmee nye “Baal newɔ avu kplii.” Elabena egbã Baal ƒe vɔsamlekpui." data/train/JDG/JDG_021_Verse_021.mp3,"Wogblɔ na wo nɔewo be, “Ɖe Israel ƒe to aɖe li si meva takpekpe si míewɔ le Yehowa ŋkume le Mizpa oa?” Wobia nya sia elabena woka atam ɖe edzi do ŋgɔ be ame si agbe vava la aku kokoko." data/train/JDG/JDG_010_Verse_010.mp3,"Le Abimelek ƒe ku megbe la, Israel ƒe ʋunudrɔ̃la si va ɖe eyomee nye Tola, Pua ƒe vi kple Dodo ƒe tɔgbuiyɔvi. Etso Isaka ƒe to la me, ke enɔ Samir le Efraim ƒe tonyigba dzi." data/train/JDG/JDG_001_Verse_001.mp3,Amoritɔwo xe mɔ na Dan ƒe viwo ale be wona wotsi tonyigba la dzi eye womena mɔ wo kura be woaɖiɖi ava balime la o. data/train/JDG/JDG_010_Verse_001.mp3,"edo dziku ɖe wo ŋuti. Etsɔ wo dzra na Filistitɔwo kple Amonitɔwo," data/train/JDG/JDG_001_Verse_014.mp3,"Fia Adoni Bezek gblɔ be, “Mewɔ fia blaadre ƒe asiwo kple afɔwo nenema tututu eye mena wofɔa nu wuwlui siwo ge tso nye kplɔ̃ dzi la ɖuna. Azɔ la, Mawu ɖo nye nu vɔ̃ teƒe nam.” Wokplɔe yi Yerusalem eye wòku le afi ma." data/train/JDG/JDG_007_Verse_021.mp3,"Yehowa gagblɔ na Gideon be, “Ameawo sɔ gbɔ akpa. Kplɔ wo yi tɔ la to, ekema mafia ame siwo ayi kpli wò kple esiwo mayi o la wò. Ne megblɔ be, ‘Ame sia nayi kpli wò la’ ekema ayi, ke ne megblɔ be, ‘Ame sia mayi kpli wò o la’ ekema mayi o.”" data/train/JDG/JDG_021_Verse_003.mp3,"Azɔ la, Israelviwo ƒe kplɔlawo kpe ta le Betel eye wofa avi na Mawu vevie va se ɖe fiẽ." data/train/JDG/JDG_001_Verse_008.mp3,"Emegbe la, Yuda ƒe viwo ƒe aʋakɔ kpe ɖe Simeon ƒe viwo ƒe aʋakɔ ŋu, wowɔ aʋa kple Kanaantɔwo le Zefat du la me eye wowu ameawo katã. Ale woyɔa Zefat du la azɔ be, “Horma” si gɔmee nye “Amewo tsrɔ̃ƒe.”" data/train/JDG/JDG_009_Verse_010.mp3,Ale wona gae tso esi wodzɔ le trɔ̃ Baal Berit subɔƒe la me eye fia Abimelek tsɔ ga sia ƒo gbevu aɖewo nu ƒu ɖe eɖokui ŋu. data/train/JDG/JDG_016_Verse_010.mp3,"Emegbe la, Delila gblɔ nɛ be, “Ɖeko nètsɔm abe nu ɖikokoe aɖe ko ene hele bleyem, meɖe kuku, gblɔ nu si tututu woawɔ hafi ate ŋu alé wò la nam dzro!”" data/train/JDG/JDG_009_Verse_045.mp3,"“Mlɔeba la, atiawo katã gblɔ na ŋuti be, ‘Va, nàɖu fia ɖe mía dzi.’" data/train/JDG/JDG_010_Verse_012.mp3,Miyi miado ɣli na mawu yeye siwo mietia! Mina woaɖe mi le miaƒe xaxaɣiwo me!” data/train/JDG/JDG_003_Verse_027.mp3,Wodze Moabtɔwo dzi eye wowu woƒe aʋawɔla sesẽ akpe ewo; wo dometɔ aɖeke mete ŋu si o. data/train/JDG/JDG_001_Verse_011.mp3,"Esi Otniel kple Ahsa dze mɔ yina woƒe nɔƒe la, Ahsa gblɔ na Otniel be yeabia anyigba ye fofo kpe ɖe esi wòna ye xoxo la ŋu. Ale wòɖi le eƒe tedzi dzi be yeaƒo nu kple ye fofo, Kaleb, tso eŋuti. Kaleb biae be, “Nu kae hiã wò?”" data/train/JDG/JDG_018_Verse_000.mp3,"Ale ame atɔ̃awo yi Lais du la me eye wokpɔ ale si ameawo le dedie le afi mae, abe Sidontɔwo ene. Woɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, wometsi dzi be dukɔ aɖeke aho aʋa ɖe yewo ŋu o elabena dukɔ sesẽ aɖeke menɔ nuto me ma o. Woƒe nɔƒe didi tso wo nɔvi Sidontɔwo gbɔ eye womedea ha kple du siwo te ɖe wo ŋu la o." data/train/JDG/JDG_017_Verse_001.mp3,"edzo le Betlehem be yeadi teƒe bubu aɖe anɔ. Le eƒe mɔzɔzɔ me la, eva ɖo Mika ƒe aƒe me le Efraim ƒe tonyigba dzi." data/train/JDG/JDG_004_Verse_000.mp3,"afi si wòyɔ Zebulon kple Naftali ƒe toawo ƒo ƒu ɖo. Ŋutsu akpe ewo (10,000) dze eyome eye Debora hã yi kplii." data/train/JDG/JDG_014_Verse_006.mp3,"Esi Samson va ɖo la, wotsɔ ɖekakpui blaetɔ̃ kpe ɖe eŋu." data/train/JDG/JDG_001_Verse_023.mp3,"Otniel, Kenaz ƒe vi, ame si nye Kaleb ƒe tɔɖiyɔvi la, ɖu dua dzi, ale Kaleb tsɔ via nyɔnu Aksa na Otniel wozu srɔ̃a." data/train/JDG/JDG_009_Verse_001.mp3,"Abimelek gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Wum! Elabena menyo be woase be nyɔnue wu Abimelek o!” Ale adekplɔvi la tɔ hɛe wòku." data/train/JDG/JDG_001_Verse_003.mp3,"Amoritɔwo ɖoe kplikpaa hã be Heres tɔ, Aiyalon kple Saalbim nanɔ yewoƒe asi me, gake esi Yosef ƒe aƒe ƒe ŋusẽ dzi ɖe edzi la, woawo hã zi Amoritɔwo dzi be woawɔ dzizizidɔ na yewo." data/train/JDG/JDG_008_Verse_032.mp3,"Zeba kple Zalmuna gblɔ na Gideon be, “Wò ŋutɔ wu mí elabena ŋutsue wɔa ŋutsu ƒe dɔ!” Ale Gideon wu wo eye wòɖe kɔgɛwo le kɔ na woƒe kposɔwo." data/train/JDG/JDG_020_Verse_033.mp3,Israelviwo ƒe ewolia ƒe ɖeka ana nuɖuɖu aʋawɔlawo eye ame mamlɛawo ayi aɖahe to na Gibeatɔwo le nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ ɖe nyɔnu la ŋu le Israelnyigba dzi la ta.” data/train/JDG/JDG_020_Verse_016.mp3,"Esi ŋu ke la, Israelviwo ƒu asaɖa anyi te ɖe Gibea ŋu." data/train/JDG/JDG_004_Verse_016.mp3,"Ke Barak ti tasiaɖamwo kple aʋakɔ la yome va se ɖe Haroset Hagoyim ke. Ale Sisera ƒe aʋakɔ la katã tsi yi nu, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã mesusɔ o." data/train/JDG/JDG_004_Verse_020.mp3,"Sisera si yi ɖaɣla eɖokui ɖe Yael, ame si nye Heber, Kenitɔ la, srɔ̃ ƒe agbadɔ me elabena nusɔsɔe nɔ Fia Yabin, Hazor fia kple Heber ƒe hlɔ̃ la dome." data/train/JDG/JDG_016_Verse_020.mp3,"Nu sia na Delila ɖe kuku na Samson be wòagblɔ eƒe nya ɣaɣla la na ye. Egblɔ be, “Meɖe kuku, gblɔ nu si na wò lãme sesẽna alea la nam, nyemebu be ame aɖeke ate ŋu alé wò o!”" data/train/JDG/JDG_001_Verse_012.mp3,"Esi woɖo amewo ɖa be woatsa ŋku le Betel si woyɔna tsã be Luz la," data/train/JDG/JDG_005_Verse_010.mp3,Israelviwo ƒe duwo zu aƒedo. Va se ɖe esime nye Debora mezu Israel dada. data/train/JDG/JDG_003_Verse_028.mp3,"Wonye dodokpɔ na Israel be woakpɔe ɖa be Israelviwo awɔ se siwo Yehowa de na Mose, wòde na wo dzi loo alo womawɔ wo dzi o mahã." data/train/JDG/JDG_008_Verse_018.mp3,"Gideon, Yoas ƒe vi, tsi, zu amegãɖeɖi aɖe hafi ku. Woɖii ɖe fofoa, Yoas ƒe yɔdo me le Ofra le Abiezritɔwo ƒe anyigba dzi." data/train/JDG/JDG_018_Verse_002.mp3,Ale Dan ƒe to la subɔ Mika ƒe legbawo ŋkeke ale si Mawu ƒe agbadɔ la nɔ Silo. data/train/JDG/JDG_020_Verse_001.mp3,Ale dukɔ blibo la sɔ nu le dɔdeasi sia wɔwɔ me. data/train/JDG/JDG_011_Verse_016.mp3,Israelviwo nɔ anyigba la katã dzi tso Arnon tɔsisi la ŋu le anyigbeme yi Yabok tɔsisi la ŋu le dzigbeme kple tso gbegbe la ŋu le ɣedzeƒe yi Yɔdan tɔsisi la ŋu le ɣetoɖoƒe. data/train/JDG/JDG_021_Verse_004.mp3,"Ele be míato mɔ aɖe nu adi srɔ̃ na wo kokoko ale be, Israel ƒe to blibo ɖeka mabu gbidii o." data/train/JDG/JDG_015_Verse_000.mp3,"Ale Mawu na tsi do tso agakpe aɖe me eye esi Samson noe la, agbe gaɖo eme. Ena ŋkɔ teƒea be “En Hakore” si gɔmee nye, “Gbedoɖala Ƒe Vudo.” Eye teƒe sia gali va se ɖe egbe." data/train/JDG/JDG_005_Verse_006.mp3,"Gblɔ be, ‘Miƒo fi de wo elabena womeva kpe ɖe Yehowa ŋu wɔ aʋa kple futɔwo o.’" data/train/JDG/JDG_003_Verse_029.mp3,"Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Otniel dzi eye wòzu Ʋɔnudrɔ̃la na Israel. Esi wòkplɔ Israel ƒe aʋakɔ eye wowɔ aʋa kple Aram, Fia Kusan Risataim la, Yehowa kpe ɖe Israelviwo ŋu be woɖu dzi." data/train/JDG/JDG_011_Verse_025.mp3,"nu sia nu si ado to nye aƒe ƒe agbo me ava kpem ne meɖu Amonitɔwo dzi hetrɔ gbɔ la, anye Yehowa tɔ eye matsɔe asa numevɔe nɛ.”" data/train/JDG/JDG_016_Verse_011.mp3,"Esi ameawo kpɔe la, wokafu woƒe mawu eye wogblɔ be, “Míaƒe mawu tsɔ míaƒe futɔ la de asi na mí, ame si gblẽ míaƒe anyigba eye wòwu mía dometɔ geɖewo.”" data/train/JDG/JDG_020_Verse_043.mp3,Nu si míawɔ enye míadzidze nu ɖe wo dzi eye míatia ame aɖewo be woaho aʋa ɖe wo ŋu. data/train/JDG/JDG_008_Verse_001.mp3,Ale Gideon tso eme yi ɖabia nuɖuɖu le Penuel eye woawo hã gblɔ abe Sukɔt ƒe amewo ke ene. data/train/JDG/JDG_020_Verse_034.mp3,"Israelviwo ƒe towo katã ƒe kplɔlawo nɔ Mawu ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo la me kple asrafo akpe alafa ene (400,000), ame siwo lé yiwo ɖe asi." data/train/JDG/JDG_001_Verse_024.mp3,"Wokpɔ Fia Adoni Bezek le afi ma eye wowɔ aʋa kplii," data/train/JDG/JDG_008_Verse_013.mp3,"Gideon gagblɔ na woawo hã be, “Ne aʋa siawo wɔwɔ nu tso la, matrɔ ava eye magbã mɔ sia aƒu anyi.”" data/train/JDG/JDG_013_Verse_011.mp3,"Manoa bia Yehowa ƒe dɔla la be “Wò ŋkɔ ɖe? Ale be ne wò nya la va eme la, ne míade bubu ŋuwò.”" data/train/JDG/JDG_008_Verse_007.mp3,Elé ɖekakpui aɖe tso Sukɔt eye wòzi edzi be wòaŋlɔ Sukɔt ƒe kplɔlawo kple mawunua blaadre-vɔ-adreawo ŋkɔ na ye. data/train/JDG/JDG_001_Verse_015.mp3,Kaleb gblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnu Aksa na ŋutsu si awɔ aʋa aɖu Kiriat Sefer dua dzi. data/train/JDG/JDG_019_Verse_002.mp3,"Ame sia ame si kpɔ nu sia la gblɔ be, “Womekpɔ nu sia tɔgbi kpɔ alo wòdzɔ kpɔ tso esime Israelviwo do go tso Egipte la o. Mibu eŋuti! Mide ŋugble le eŋuti! Migblɔ nu si míawɔ la na mí!”" data/train/JDG/JDG_004_Verse_008.mp3,"Esi Barak va nɔ Sisera dim yina la, Yael yi ɖado goe hegblɔ nɛ be, “Va mafia ame si dim nèle la wò.” Ale Barak dze eyome yi agbadɔ la me. Ekpɔ Sisera wòku ɖe afi ma eye tsyoti la nɔ to me nɛ." data/train/JDG/JDG_013_Verse_009.mp3,"Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, ale Yehowa tsɔ wo de asi na Filistitɔwo ƒe blaene sɔŋ." data/train/JDG/JDG_019_Verse_015.mp3,"Gbe ma gbe ɣetrɔ esi Levitɔ la kple eƒe ahiãvi la kple subɔla la nɔ dzadzram ɖo na dzodzo la, nyɔnuvi la fofo gagblɔ na wo be, “Zã do xoxo, miganɔ mía gbɔ zã sia hã; míagaɖu nu, miano nu, ekema miate ŋu adze mɔ ŋdi kanya.”" data/train/JDG/JDG_003_Verse_024.mp3,"Ke esi Israelviwo gado ɣli na Yehowa la, eɖo ɖela aɖe ɖe wo. Ɖela siae nye Ehud, Gera ƒe vi, tso Benyamin ƒe to la me, ame si nye mia wɔla. Israelviwo dɔe ɖo ɖe Moab fia Eglon gbɔ kple woƒe nudzɔdzɔ." data/train/JDG/JDG_001_Verse_019.mp3,"Le esia ta la, Aser viwo nɔ Kanaantɔ siwo nɔ anyigba la dzi la dome elabena womenyã wo ɖa o." data/train/JDG/JDG_017_Verse_010.mp3,"Mika trɔ ga la na dadaa eye dadaa gblɔ nɛ be, “Makɔ ga la ŋu atsɔ na Aƒetɔ la ɖe tawò. Mana woawɔ aklamakpakpɛ aɖe na wò eye woafa klosalo ɖe eŋu.”" data/train/JDG/JDG_004_Verse_012.mp3,"eya ta Yehowa tsɔ wo de asi na Yabin, Kanaan fia, ame si ɖu fia le Hazor. Eƒe aʋafia ŋkɔe nye Sisera eye wònɔ Haroset Hagoyim." data/train/JDG/JDG_014_Verse_011.mp3,"Gbe ɖeka esi Samson kple edzilawo yina Timna la, dzatavi aɖe nɔ gbe tem helũ ɖe Samson dzi le waingble aɖe me le dua gbɔ lɔƒo." data/train/JDG/JDG_003_Verse_008.mp3,"Ame siwo ganɔ anyigba la dzi kokoko woe nye Filistitɔwo ƒe du atɔ̃ me nɔlawo, Kanaantɔwo katã, Sidontɔwo kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Lebanon towo dzi, tso Baal Hermon to dzi yi ɖase Hamat mɔ nu." data/train/JDG/JDG_008_Verse_004.mp3,"Azɔ la Fia Zeba kple Fia Zalmuna kple woƒe aʋawɔla akpe wuiatɔ̃ (15,000) va ɖo Karkor, ame mawo koe susɔ le aʋakɔ siwo tso ɣedzeƒe la me elabena wowu wo dometɔ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) xoxo." data/train/JDG/JDG_004_Verse_018.mp3,"Sisera gblɔ na Yael be, “Meɖe kuku, tsikɔ le wuyem, na tsim mano.” Yael na notsii wòno eye wògatsyɔ kundru la nɛ." data/train/JDG/JDG_019_Verse_025.mp3,Ŋutsu la melɔ̃ ɖe edzi gbã o gake aƒea tɔ ƒoe ɖe enu va se ɖe esime wòlɔ̃. data/train/JDG/JDG_011_Verse_005.mp3,"be, “Nya si Yefta gblɔ lae nye esi, ‘Israel mexɔ Moabtɔwo alo Amonitɔwo ƒe anyigba o. Nyateƒe lae nye be," data/train/JDG/JDG_015_Verse_009.mp3,Eya ta Samson dza ali kple ata na wo hewu ame geɖewo eye wòyi ɖanɔ agado aɖe me le Etam. data/train/JDG/JDG_009_Verse_002.mp3,Abimelek ho aʋa ɖe Tebez du la ŋu azɔ eye wòxɔe. data/train/JDG/JDG_002_Verse_013.mp3,"Mlɔeba la, dzidzime mawo katã ku. Dzidzime si kplɔ wo ɖo la menya Yehowa loo alo nu siwo wòwɔ na Israel o." data/train/JDG/JDG_001_Verse_007.mp3,Efia mɔ wo. Ale wowu dua me tɔwo katã kple yi negbe ŋutsu la kple eƒe ƒome blibo la ko. data/train/JDG/JDG_021_Verse_024.mp3,Woɖi vɔsamlekpui aɖe le gbe ma gbe ƒe ŋdi kanya eye wosa akpedavɔ le edzi. data/train/JDG/JDG_005_Verse_003.mp3,"Esi nèkplɔ mí do goe tso Seir Heto Edom ƒe anyigba dzi la, anyigba dzo nyanyanya, dziƒo nu ʋu eye tsi dza." data/train/JDG/JDG_005_Verse_016.mp3,"“Mikafu Yehowa! Israel ƒe kplɔlawo dze ŋgɔ dzideƒotɔe. Ameawo kplɔ wo ɖo dzidzɔtɔe! Ɛ̃, mikafu Yehowa!" data/train/JDG/JDG_018_Verse_026.mp3,"Wotsɔ woƒe viwo, woƒe lãhawo kple woƒe nunɔamesiwo ɖo ŋgɔ eye wotrɔ hedzo." data/train/JDG/JDG_018_Verse_024.mp3,"Wogblɔ nɛ be, “Zi ɖoɖoe, mègagblɔ nya aɖeke o. Dze mía yome eye nànye fofo kple nunɔla na mí katã. Ɖe menyo be nànye nunɔla na Israel ƒe to blibo ɖeka wu nànye nunɔla na ame ɖeka pɛ ko ƒe aƒe oa?”" data/train/JDG/JDG_021_Verse_010.mp3,Israelvi bubuawo ɖo ame ɖe Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsu siwo tsi agbe eye wole Rimon kpe la gbɔ. data/train/JDG/JDG_009_Verse_053.mp3,Wowɔ aʋa ŋkeke blibo la hafi Abimelek te ŋu xɔ du la. Ewu amewo eye wògbã du la. data/train/JDG/JDG_015_Verse_017.mp3,"Wogblɔ nɛ be, “Míeva be míalé wò eye míatsɔ wò ade asi na Filistitɔwo.” Samson gblɔ be, “Mika atam nam be miawo miawum o.”" data/train/JDG/JDG_005_Verse_023.mp3,Sisera bia tsii eye wòna nyinotsii eye wòtsɔ nyinotsi babla ɖe gagbɛ si dze bubumewo la me vɛ nɛ. data/train/JDG/JDG_002_Verse_006.mp3,eye woɖii ɖe anyigba si ƒe dome wònyi le Timnat Heres le Efraim ƒe tonyigba dzi le Gaas to la ƒe anyiehe. data/train/JDG/JDG_020_Verse_025.mp3,"Israel ƒe aʋakɔ la trɔ azɔ ɖe dua gbɔ eye wowu Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. Wotsrɔ̃ woƒe lãwo eye wotɔ dzo du kple kɔƒe ɖe sia ɖe le anyigba blibo la dzi." data/train/JDG/JDG_020_Verse_044.mp3,"Tete dzesi si woɖo da ɖi la dze na wo: dzudzɔ de asi tutu me kɔlikɔli le dua me. Esi Benyamin ƒe to la trɔ kɔ kpɔ megbe la, ewɔ nuku na wo be du blibo la nɔ bibim." data/train/JDG/JDG_011_Verse_023.mp3,"“ ‘Mlɔeba la, woƒo xlã Edom kple Moab to gbedadaƒo, woto woƒe ɣedzeƒeliƒowo dzi va se ɖe esime woɖo Moab ƒe liƒo la godo le Arnon tɔsisi la ŋu." data/train/JDG/JDG_020_Verse_017.mp3,"eye Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu, ame si nye Aron ƒe tɔgbuiyɔvi la nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm le egbɔ.) Wobia Yehowa be, “Ɖe míagawɔ aʋa kple mía nɔviwo, Beyamin loo alo míadzudzɔa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi elabena etsɔ la matsɔ wo ade asi na mí.”" data/train/JDG/JDG_018_Verse_010.mp3,"Esi Levitɔ la kpɔ be wotsɔ nu siawo la, ebia wo be, “Nu ka wɔm miele?”" data/train/JDG/JDG_020_Verse_024.mp3,Israel ŋutsuwo kple xadolawo ɖo gbe ɖi be ne wokpɔ dzudzɔ gã aɖe le dodom le dua me ko la data/train/JDG/JDG_010_Verse_004.mp3,"eye mlɔeba la, Israelviwo trɔ va Yehowa gbɔ heɖe kuku nɛ be wòagaxɔ na yewo. Woʋu eme be, “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò: míegblẽ wò, míaƒe Mawu ɖi eye míesubɔ Baal.”" data/train/JDG/JDG_017_Verse_012.mp3,"Ɖekakpui aɖe si nye Levitɔ la nɔ Betlehem le Yuda," data/train/JDG/JDG_018_Verse_027.mp3,"Wowɔ teƒe na legbawo eye wowɔ Gersom ƒe vi kple Mose ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si ŋkɔe nye Yonatan la kple via ŋutsuwo nunɔlawoe. Amewo tso ƒome sia me nye nunɔlawo va se ɖe esime woɖe aboyo anyigba la." data/train/JDG/JDG_013_Verse_020.mp3,"Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ nɛ be, “Wò la, ètsi ko eye mèdzi vi o gake èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi." data/train/JDG/JDG_020_Verse_019.mp3,eye Israelviwo ho ɖe Benyaminviwo ŋu le ŋkeke etɔ̃a gbe hedze aʋa ɖe Gibea dzi abe tsã ene. data/train/JDG/JDG_011_Verse_018.mp3,"Ke wò ɖe, ame ka gɔ̃e nèbu be yenye? Ɖe nènyo wu Fia Balak, Moab fia? Ɖe wòdi be yeagbugbɔ yeƒe anyigba axɔ le Israelviwo si, esime Israel ɖu edzia? Kpao!" data/train/JDG/JDG_006_Verse_006.mp3,"edɔ Nyagblɔɖila aɖe ɖa, ame si gblɔ be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Mekplɔ mi do goe tso Egipte le kluvinyenyenyigba dzi." data/train/JDG/JDG_006_Verse_010.mp3,"Gbe ɖeka la, Yehowa ƒe dɔla aɖe va nɔ anyi ɖe oɖumti la te le Ofra, le Yoas, Abiezritɔ la ƒe agble me. Yoaz ƒe vi, Gideon, ɣla eɖokui ɖe wainfiaƒe aɖe le vɔvɔ̃ na Midiantɔwo ta eye wònɔ lu klẽm kple asi." data/train/JDG/JDG_006_Verse_000.mp3,"Ale Gideon ɖi vɔsamlekpui aɖe na Yehowa ɖe afi ma eye wòna ŋkɔe be, “Yehowae nye Ŋutifafa” Vɔsamlekpui sia gale afi ma, le Ofra, le Abiezritɔwo ƒe anyigba dzi." data/train/JDG/JDG_009_Verse_006.mp3,"Ale Abimelek nyruiawo yi dumemetsitsiwo gbɔ hetsɔ Abimelek ƒe nya la ɖo woƒe ŋkume. Woɖo be, esi Abimelek dada tso yewoƒe dua me ta la, yewoxɔ Abimelek ƒe nya la." data/train/JDG/JDG_019_Verse_018.mp3,"Le ŋkeke enelia gbe la, wofɔ kaba hedzra ɖo na dzodzo, ke nyɔnuvi la fofo zi wo dzi be woaɖu ŋdinu gbã." data/train/JDG/JDG_011_Verse_028.mp3,"Woɖo eŋu be, “Míedo ŋugbe na wò eye míeka atam ɖe ŋugbedodo dzi.”" data/train/JDG/JDG_006_Verse_030.mp3,"Ne Israelviwo ƒã nukuwo la, Midiantɔwo, Amalekitɔwo kple ɣedzeƒetɔ bubuwo vana dzea Israelviwo dzi." data/train/JDG/JDG_011_Verse_009.mp3,"Esi Yefta trɔ va eƒe aƒe me le Mizpa la, ame aɖeke medo va kpee o, negbe via nyɔnu si nɔ ɣe ɖum ɖe asiʋui ŋu! Eya koe nye vi ɖeka si nɔ esi. Viŋutsu loo alo vinyɔnu aɖeke meganɔ esi wu eya o." data/train/JDG/JDG_006_Verse_039.mp3,"Yoas ɖo eŋu na ameha si ƒo xlãe le adã fiam la be, “Miawoe awɔ aʋa ɖe Baal nua? Ɖe miele agbagba dzem be miaxɔ nɛa? Woawu ame si awɔ avu ɖe enu le ŋdi! Ne Baal nye mawu tututu la, aʋli eɖokui ta ne ame aɖe gbã eƒe vɔsamlekpui.”" data/train/JDG/JDG_015_Verse_018.mp3,"Woɖo eŋu be, “Míelɔ̃. Ɖe ko míabla wò, atsɔ wò ade asi na wo. Míawu wò o.” Ale woblae kple atagbika yeye eve eye wokplɔe dzoe tso agakpe la dzi." data/train/JDG/JDG_001_Verse_033.mp3,"Zebulɔn ƒe viwo hã menya Kanaatɔ siwo nɔ Kitron alo Nahalol la o, ke boŋ wotsi wo dome eye Israelviwo na wowɔ dzizizidɔ na wo." data/train/JDG/JDG_020_Verse_015.mp3,"Esi Benyamin ƒe to la do go le dua me be yewoakpe aʋa kpli wo la, Israelviwo si yi megbe, Benyamin ƒe to la dze wo yome, ale wogblẽ Gibea ɖe megbe. Abe ale si wowɔ tsã ene la, Benyamin ƒe to la de asi Israelviwo wuwu me le mɔ si le Betel kple Gibea dome la dzi; ale wowu Israelvi blaetɔ̃." data/train/JDG/JDG_005_Verse_005.mp3,"Eƒe nyɔnu ɖeka si dze nunya wu wo katã la, ɖo eŋu nɛ, vavã, enɔ gbɔgblɔm na eɖokui ɣe sia ɣi be," data/train/JDG/JDG_002_Verse_011.mp3,"Le esia ta Yehowa do dɔmedzoe vevie ɖe Israel ŋu hegblɔ be, “Esi dukɔ sia tu nu si mebla kple wo fofowo eye womeɖo tom o ta la," data/train/JDG/JDG_009_Verse_043.mp3,"Mawu na Sekemtɔwo hã kpe fu ɖe woƒe ŋutasesẽ ta, abe ale si Yotam, Yerubaal ƒe vi gblɔe do ŋgɔ, esi wòƒo fi de wo la ene." data/train/JDG/JDG_011_Verse_024.mp3,"Na nu sia nu si wò mawu Kemos na wò la nanye tɔwò eye nu sia nu si Yehowa, míaƒe Mawu la na míawo hã la, nanye mía tɔ!" data/train/JDG/JDG_013_Verse_007.mp3,"eya ta nyɔnu la ƒu du sesĩe ɖagblɔ na srɔ̃a be, “Eyae nye ekem! Ŋutsu si va gbɔnye nyitsɔ la, eya kee gava.”" data/train/JDG/JDG_001_Verse_034.mp3,"ŋkutsalawo kpɔ ŋutsu aɖe wòdo tso dua me eye wogblɔ nɛ be, “Fia mɔ si míato age ɖe dua me la mí ekema míakpɔ egbɔ be womawɔ nuvevi aɖeke wò o.”" data/train/JDG/JDG_013_Verse_019.mp3,"Tete nyɔnu la yi srɔ̃a gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Mawu ƒe ame aɖe va gbɔnye, edzi ŋɔ ŋutɔ eye wòdze abe Mawudɔla ene. Nyemebia afi si wòtso lae o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ hã nam o." data/train/JDG/JDG_007_Verse_001.mp3,"Ame evelia gblɔ be, “Gɔmeɖeɖe ɖeka koe le wò drɔ̃e la si. Gideon, Yoas ƒe vi, Israel ŋutsu la ava tsrɔ̃ Midiantɔwo kple dukɔ bubu siwo kpe ɖe wo ŋu la ƒe aʋakɔwo katã.”" data/train/JDG/JDG_006_Verse_012.mp3,"Gideon gblɔ na Mawu be, “Ne àto nye asi dzi aɖe Israel abe ale si nèdo ŋugbe ene la" data/train/JDG/JDG_010_Verse_014.mp3,"Via ŋutsu blaetɔ̃awo doa tedzi ɖia tsa eye du blaetɔ̃ nɔ wo si le Gileadnyigba dzi, afi si wogayɔna egbegbe be, “Yair duwo.”" data/train/JDG/JDG_009_Verse_036.mp3,"Ke ne miewɔ nu dzɔdzɔe ɖe Gideon ŋu o la, ekema Abimelek natsrɔ̃ Sekemtɔwo kple Betmilɔt ƒe amewo eye woawo hã natsrɔ̃ Abimelek!”" data/train/JDG/JDG_005_Verse_018.mp3,Nu ka ta Gilead ƒe viwo tsi Yɔdan godo Dan ƒe viwo tsi woƒe tɔdziʋuwo gbɔ? Nu ka ta Aser ƒe viwo drã ɖe ƒuta dzidzemetɔe le woƒe ʋudzeƒewo? data/train/JDG/JDG_005_Verse_015.mp3,"Metso aseye ŋutɔ ɖe Israel ƒe kplɔlawo ta, ame siwo tsɔ wo ɖokui na faa! Mikafu Yehowa!" data/train/JDG/JDG_013_Verse_010.mp3,"Ke srɔ̃a gblɔ nɛ be, “Nenye ɖe Yehowa le mía wu ge la, anye ne maxɔ míaƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsa o eye maɖe eɖokui afia mí, agblɔ nya wɔnuku sia na mí eye wòawɔ nukunu siawo o.”" data/train/JDG/JDG_020_Verse_014.mp3,"ekema Israel ƒe aʋalɔgo gãtɔ me nɔlawo natrɔ awɔ aʋa ŋkume kple ŋkume kple Benyamin ƒe to la. Esi Benyamin ƒe to la wu ame blaetɔ̃ xoxo ta la, wogblɔ na wo nɔewo be, “Míegasi wo abe ale si míesi wo tsã ene.”" data/train/JDG/JDG_017_Verse_009.mp3,Mika kɔ ɖekakpui la ŋu eye wòzu nunɔla nɛ. data/train/JDG/JDG_006_Verse_002.mp3,"Azɔ la, Midiantɔwo katã, Amalekitɔwo kple ɣedzeƒe dukɔ bubuwo wɔ ɖeka eye wotso Yɔdan tɔsisi la va ƒu asaɖa anyi ɖe Yezreel balime." data/train/JDG/JDG_009_Verse_017.mp3,"Esi Abimelek va mɔ la te eye wònɔ dzadzram ɖo be yeatɔ dzoe la," data/train/JDG/JDG_011_Verse_033.mp3,Yefta kplɔ eƒe aʋakɔ wowɔ aʋa kple Amonitɔwo. Yehowa na Israel ɖu dzi data/train/JDG/JDG_006_Verse_018.mp3,"Ke Gideon ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, aleke nye ame gblɔe sia mate ŋu aɖe Israel? Nye hlɔ̃e nye hlɔ̃ gblɔetɔ le Manase ƒe to blibo la me eye nyee nye ame gblɔetɔ kekeake le nye ƒome blibo la me!”" data/train/JDG/JDG_016_Verse_028.mp3,"Wofi tofi na amewo be wokpɔ Samson le dua me eya ta wona nyanya duŋudzɔlawo. Ŋutsu geɖewo de xa ɖi nɛ zã blibo la le dua ƒe agbo nu, ale be ne eva dzo yina la, yewoalée. Wogblɔ le wo ɖokui dome be, “Ne ŋu ke eye asifli le dzedzem ko la, míakpɔe alée, awui.”" data/train/JDG/JDG_008_Verse_008.mp3,"Emegbe la, Gideon yi Penuel hã, gbã mɔ la ƒu anyi eye wòwu ŋutsuwo katã le dua me." data/train/JDG/JDG_012_Verse_001.mp3,"Esi Abdon, Hilel vi ku la, woɖii ɖe Piratɔn le Efraimnyigba dzi, le Amalekitɔwo ƒe anyigba dzi." data/train/JDG/JDG_003_Verse_000.mp3,"Adekpui la ƒe didime blibo la ga la kple asiléƒe la siaa bu ɖe lãme na Fia Eglon hedo ɖe dzimegbe nɛ. Ehud meho aɖekpui la do goe o, eye eƒe lãmemi nye tsyɔ edzi." data/train/JDG/JDG_007_Verse_000.mp3,Ale Gideon kple ame alafa ɖeka siwo nɔ eŋu la ɖo Midiantɔwo ƒe asaɖa la ƒe gbɔto le zãtitina esime woɖɔli dzɔlawo teti. Woku woƒe kpẽwo eye wogbã anyikplu siwo le wo si. data/train/JDG/JDG_006_Verse_007.mp3,"Esi Gideon dze sii be Yehowa ƒe dɔlae yekpɔ la, edo ɣli be, “Oo, Aƒetɔ Yehowa! Mekpɔ Yehowa ƒe dɔla ŋkume kple ŋkume!”" data/train/JDG/JDG_003_Verse_030.mp3,"Ʋɔnudrɔ̃la si kplɔ Ehud ɖo lae nye Samgar, Anat ƒe vi. Etsɔ nyikplɔti wu Filistitɔ alafa ade. Eya hã ɖe Israel." data/train/JDG/JDG_009_Verse_012.mp3,"Ekplɔ wo yi fofoa ƒe aƒe me le Ofra eye wòna wowu Yerubaal ƒe vi blaadreawo ɖe kpe ɖeka dzi, ke Yerubaal ƒe vi ɖeka, Yotam, koe si ɖaɣla eɖokui." data/train/JDG/JDG_021_Verse_009.mp3,Israelvi bubuawo hã trɔ yi wo de. data/train/JDG/JDG_018_Verse_015.mp3,"Eɖo eŋu na wo be, “Mietsɔ mawu siwo mewɔ kple nye nunɔla dzoe. Nu kae gasusɔ ɖe asinye? Nu ka ŋutie miabiam be, ‘Nu kae le wɔwòm mahã?’ ”" data/train/JDG/JDG_012_Verse_007.mp3,Viŋutsu blaene kple tɔgbuiyɔvi blaetɔ̃ nɔ esi. Ame blaadre siawo doa tedzi blaadre. Abdon nye Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la ƒe enyi. data/train/JDG/JDG_006_Verse_003.mp3,"Azɔ la ɖi vɔsamlekpui bubu na Yehowa, wò Mawu la ɖe togbɛ sia dzi. Tsɔ nyitsu evelia wɔ numevɔsae eye nàtsɔ aƒeli si nèho la wɔ nakee na vɔsa la.”" data/train/JDG/JDG_001_Verse_021.mp3,"Nenema ke Efraim ƒe viwo hã menya Kanaantɔ siwo nɔ Gezer la o, ke boŋ Kanaantɔwo nɔ wo dome." data/train/JDG/JDG_008_Verse_017.mp3,"Gideon tsɔ sika la wɔ kɔmewu eye wòtsɔe da ɖe Ofra, si nye wo dedu la me. Israel katã de asi awu la subɔsubɔ me le afi ma eye wòva zu mɔ na Gideon kple eƒe ƒome la." data/train/JDG/JDG_006_Verse_022.mp3,"Le zã ma me la, Mawu wɔ nenema tututu. Alẽgbalẽ la ɖeɖe nɔ ƒuƒuie, ke zãmu dza ɖe anyigba si ƒo xlãe la ya dzi." data/train/JDG/JDG_007_Verse_017.mp3,"Ke ne èle vɔvɔ̃m la, ekema wò ɖeka yi futɔwo ƒe asaɖa la me, kplɔ wò subɔla Pura ɖe asi," data/train/JDG/JDG_017_Verse_000.mp3,Dadaa tsɔ klosalo alafa eve (200) na klosaloɖaŋuwɔla aɖe wòwɔ aklamakpakpɛ aɖe da ɖe Mika ƒe aƒe me. data/train/JDG/JDG_007_Verse_014.mp3,"Gideon xɔ anyikpluawo kple kpẽawo le Israelviwo si, ɖo wo ɖe aƒe eye ame alafa etɔ̃awo (300) koe tsi anyi. Midiantɔwo ƒo ƒu ɖe balime si le Gideon te." data/train/JDG/JDG_013_Verse_015.mp3,"Manoa ƒu du kple srɔ̃a yi ŋutsu la gbɔ eye Manoa biae be, “Wòe nye ŋutsu si ƒo nu kple srɔ̃nye nyitsɔa?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.”" data/train/JDG/JDG_002_Verse_008.mp3,"ke boŋ mawɔ dukɔ siawo ŋu dɔ, ado nye dukɔ, Israel kpɔ, ale be manya ne woaɖo to Yehowa azɔ le eƒe mɔ dzi abe wo fofowo ene loo alo womaɖo toe o.”" data/train/JDG/JDG_015_Verse_007.mp3,"Esi wòwu nya siawo gbɔgblɔ nu la, eɖe asi le tedziglã la ŋu da ɖi. Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa teƒe ma be, “Ramat Lehi,” si gɔmee nye “Tedziglãtogbɛ.”" data/train/JDG/JDG_020_Verse_021.mp3,"Gbe ma gbe la, Benyamin ƒe to la gawu ame akpe wuienyi, ame siwo nye yidala nyuiwo la, le Israelviwo dome." data/train/JDG/JDG_011_Verse_014.mp3,Gilead ƒe kplɔlawo ɖo du ɖe Yefta data/train/JDG/JDG_009_Verse_034.mp3,"“Ke gboti ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ nye ku vivi ŋanɛwo tsetse be maɖu fia ɖe atiwo dzia?’" data/train/JDG/JDG_016_Verse_025.mp3,Samson tsɔ eƒe ŋusẽ katã tutu sɔtiawo sesĩe data/train/JDG/JDG_013_Verse_000.mp3,"Ale Manoa biae be, “Ne wò nyawo va eme la, ɖoɖo kawoe anɔ ɖevia ƒe agbenɔnɔ kple eƒe dɔwɔna ŋu?”" data/train/JDG/JDG_016_Verse_018.mp3,"le esime ŋutsu aɖewo be ɖe xɔ evelia me. Esi Ɖelila blae vɔ ko la, edo ɣli sesĩe be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson tso kaawo enumake abe ale si dzo lãa ɖetikawo ene. Ale womenya nu si tututu mee eƒe ŋusẽ triakɔ la le o." data/train/JDG/JDG_016_Verse_026.mp3,"Samson ɖo eŋu be, “Ne woblam kple ka yeye siwo wometsɔ bla nanekee kpɔ o la, ekema magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.”" data/train/JDG/JDG_005_Verse_014.mp3,"“Le Samgar, Anat ƒe vi kple Yael ƒe ɣeyiɣiawo me, asitsalawo mezɔa mɔ ma dzi o. Mɔzɔlawo wɔa axadzimɔ xaxɛ gɔdɔ̃ewo ŋu dɔ." data/train/JDG/JDG_004_Verse_011.mp3,"Esi wogblɔ na Sisera be Barak, Abinoam ƒe vi, yi Tabɔr toa dzi la" data/train/JDG/JDG_021_Verse_020.mp3,"Wogblɔ na Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsu siwo mekpɔ srɔ̃ ɖe haɖe o la be, “Miyi miaɣla mia ɖokui ɖe waingblewo me" data/train/JDG/JDG_021_Verse_017.mp3,"Ne wo fofowo kple wo nɔviŋutsuwo va nya he ge ɖe mía ŋu la, míagblɔ na wo be, ‘Míeɖe kuku na mi; mise nu gɔme eye miaɖe mɔ woaɖe mia vinyɔnuwo elabena míekpɔ ɖetugbiwo na ŋutsuawo katã esi míetsrɔ̃ Yabes Gilead o. Nenye miawo ŋutɔe tsɔ mia vinyɔnuwo na wo la, eya ko hafi miaɖi fɔ.’ ”" data/train/JDG/JDG_019_Verse_020.mp3,"Levitɔ la ɖo eŋu be, “Míetso Betlehem le Yuda eye míeyina Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe mlɔea nu te ɖe Silo ŋu. Ame aɖeke mekpe mí be míava dze ye gbɔ o," data/train/JDG/JDG_001_Verse_013.mp3,"Esi Yuda ƒe viwo ʋu yi woƒe anyigba yeye la dzi le Negeb gbegbe, le Arad ƒe anyigbeme la, Mose toa ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nye Kenitɔwo ƒe to la me tɔwo la yi kple wo. Wodzo le Yeriko, “Detiwo ƒe Du,” la me eye to eveawo nɔ teƒe ɖeka tso ɣe ma ɣi." data/train/JDG/JDG_009_Verse_056.mp3,"Ɣe ma ɣi la, Gaal, Ebed ƒe vi, ʋu kple nɔviawo yi Sekem eye wòzu ame ŋkutawo dometɔ ɖeka le dua me." data/train/JDG/JDG_013_Verse_003.mp3,"elabena àfɔ fu eye àdzi ŋutsuvi. Talũhɛ maka eƒe ta ŋu o, elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ, ame si woɖe ɖe aga na Mawu tso dadaa ƒe dɔ me, eye eyae adze Israelviwo ɖeɖe tso Filistitɔwo ƒe asi me gɔme.”" data/train/JDG/JDG_020_Verse_012.mp3,"Benyamin ƒe viwo do tso Gibea eye wowu Israelvi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) le aʋagbedzi gbe ma gbe." data/train/JDG/JDG_002_Verse_009.mp3,"Ke hã la, womeɖo to woƒe Ʋɔnudrɔ̃lawo o, ke boŋ wodze mawu bubuwo yome hesubɔ wo. Womenɔ abe wo fofowo ene o, wotrɔ le mɔ si dzi wo fofowo zɔ le la dzi kaba, mɔ si nye toɖoɖo Yehowa ƒe sededewo." data/train/JDG/JDG_003_Verse_016.mp3,"Etsɔ nudzɔdzɔ yi na Moab Fia, Eglon, ame si lolo ŋutɔ." data/train/JDG/JDG_006_Verse_037.mp3,"Yehowa ƒe dɔla la ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa li kpli wò, wò ŋutsu kalẽtɔ!”" data/train/JDG/JDG_017_Verse_002.mp3,Enɔ na Mika abe via ŋutsuwo dometɔ ɖeka ene. data/train/JDG/JDG_008_Verse_009.mp3,"Esi wova ɖo Sukɔt la, Gideon gblɔ na Sukɔt ƒe amewo be ɖeɖi te yewo ŋu le Midian fiawo, Zeba kple Zalmuna nyanya me eya ta woana nuɖuɖu yewo." data/train/JDG/JDG_009_Verse_005.mp3,Abimelek yi Zalmɔn to dzi. Efɔ nake lé ɖe abɔta eye wòɖe gbe na eƒe ameawo bena woawɔ nu si tututu yewɔ. data/train/JDG/JDG_011_Verse_007.mp3,"esi Israelviwo tso Egipte, tso Ƒu Dzĩe la eye wova ɖo Kades la," data/train/JDG/JDG_011_Verse_002.mp3,"“ ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu lae xɔ anyigba la le Amoritɔwo si na Israelviwo. Ekema nu ka ta míagbugbɔe na wò?" data/train/JDG/JDG_005_Verse_030.mp3,"Ɛ̃, towo ʋuʋu, Sinai to la gɔ̃ hã ʋuʋu kpekpekpe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋkume!" data/train/JDG/JDG_021_Verse_015.mp3,"Le ɣe ma ɣiwo me la, fia aɖeke menɔ Israel si o, eye ame sia ame wɔa nu si dzea eŋu." data/train/JDG/JDG_016_Verse_021.mp3,"Samson do gbe ɖa na Aƒetɔ la hegblɔ be, “Oo, Yehowa, Aƒetɔ Mawu, gaɖo ŋku dzinye. Meɖe kuku, gado ŋusẽm zi ɖeka ko, ale be mate ŋu abia hlɔ̃ Filistitɔwo ɖe nye ŋku siwo wogbã la dometɔ ɖeka pɛ ko ta.”" data/train/JDG/JDG_013_Verse_024.mp3,"Ŋutsu aɖe nɔ Zora du la me, eŋkɔe nye Manoa, tso Dan ƒe to la me. Manoa srɔ̃ tsi ko, medzi vi kpɔ o." data/train/JDG/JDG_008_Verse_012.mp3,"Gideon do ɣli be, “Nɔvinyewo kokoko woanye! Meka atam be, ne menye ɖe miewu wo o la, anye ne nyemawu mi o.”" data/train/JDG/JDG_012_Verse_006.mp3,Metsɔ nye agbe ke; míawo ɖeɖe míewɔ aʋa la eye Yehowa kpe ɖe mía ŋu míeɖu futɔ la dzi. Ɖe wòhiã be miawɔ aʋa kpli mí le nu sia ta?” data/train/JDG/JDG_016_Verse_000.mp3,"Ale esi Samson dɔ alɔ̃ la, Delila tsɔ ka yeyewo blae. Ŋutsuwo gabe ɖe xɔ evelia me abe tsã ene eye Ɖelila do ɣli be, “Samson, Filistitɔwo va be yewoalé wò!” Samson tso kaawo abe yiyiɖɔ ƒe kawoe wonye ene!" data/train/JDG/JDG_016_Verse_003.mp3,"Ale wotsɔ datimeka yeye adre na Ɖelila eye esi Samson dɔ alɔ̃ la, Ɖelila blae kple ka adreawo," data/train/JDG/JDG_003_Verse_015.mp3,"Esi wòɖo Efraim ƒe tonyigba dzi la, eku kpẽ. Tete Israelviwo ɖi tso towo dzi va kpe ta ɖe eŋu, eye eya ŋutɔ dze wo ŋgɔ." data/train/JDG/JDG_011_Verse_017.mp3,"Ke wò ya nèle didim be yeaho nya sia ɖe dzi azɔ le ƒe alafa etɔ̃ megbe! Israel nɔ anyigba sia dzi ɣeyiɣi sia katã tso Hesbon va yi Aroer, yi ɖatɔ keke Arnon tɔsisi la. Nu ka ta mèdze agbagba aɖeke kpɔ do ŋgɔ na fifia be yeagbugbɔ anyigba la axɔ o?" data/train/JDG/JDG_003_Verse_026.mp3,"Le ɣeyiɣi sia me la, Ehud si heto kpelegba siwo wokpa da ɖe Seira la ŋu." data/train/JDG/JDG_018_Verse_023.mp3,"Wobia tso esi be, “Ekema bia Mawu be mɔ si dzi míele la adze edzi na mí mahã?”" data/train/JDG/JDG_017_Verse_008.mp3,"Mika gblɔ nɛ be, “Nɔ gbɔnye eye nànye fofo kple nunɔla nam. Mana klosalo ewo wò ƒe sia ƒe hekpe ɖe wò nudodo, nuɖuɖu kple dɔƒe ŋu.” Levitɔ la lɔ̃ eye wòtsi anyi." data/train/JDG/JDG_009_Verse_044.mp3,"Mitsɔm ɖo fiae eye enumake miakpɔ nu si adzɔ ɖe Abimelek dzi! Magblɔ na Abimelek be, ‘Ƒo aʋawɔlawo nu ƒu eye nàho aʋa!’ ”" data/train/JDG/JDG_009_Verse_015.mp3,Enumake Gaal kplɔ Sekemtɔwo eye wowɔ aʋa kple Abimelek. data/train/JDG/JDG_015_Verse_004.mp3,Esi dzo tɔ akakati ɖe sia ɖe eye wòna abeiawo ƒu du yi Filistitɔwo ƒe agblewo me eye wotɔ dzo lu siwo womexa haɖe o kple wainkawo kpakple amitiwo. data/train/JDG/JDG_007_Verse_006.mp3,"Ewɔ nenema eye ame siwo ku tsia kple asi heno la nɔ ame alafa etɔ̃ (300), ame bubuawo katã nye ame siwo dze klo heno tsia abe avu ene." data/train/JDG/JDG_014_Verse_005.mp3,"Esi Samson trɔ tso Timna gbɔna la, edze yi gbe me be yeakpɔ dzata kuku la ɖa. Kasia ekpɔ anyiwo kple anyitsi le eme." data/train/JDG/JDG_019_Verse_004.mp3,"Aƒea tɔ do ɖe wo ŋuti eye wògblɔ na wo be, “Ao, xɔ̃nyewo, migawɔ nu vɔ̃ɖi sia o. Esi ŋutsu sia nye nye amedzro ta la, migawɔ ŋukpenanu sia ɖe eŋuti o." data/train/JDG/JDG_007_Verse_018.mp3,Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kple dukɔ bubuwo tso ɣedzeƒe ƒo ƒu ɖe balime la abe ʋetsuviwo alo ƒutake ene eye woƒe kposɔwo sɔ gbɔ wu xexlẽ. data/train/JDG/JDG_021_Verse_018.mp3,Nublanuinya gã aɖee wònye le Israel le ŋkeke mawo me elabena Yehowa de mama Israel ƒe toawo dome. data/train/JDG/JDG_020_Verse_009.mp3,"Azɔ la, Israelviwo, mina manya miaƒe susu eye miaɖo aɖaŋu le afi sia fifi la míase!”" data/train/JDG/JDG_006_Verse_011.mp3,"Gideon gagblɔ na Mawu be, “Mègado dɔmedzoe ɖe ŋunye o, ke boŋ ɖe mɔ nam magabia nu bubu ɖeka ko. Ɖe mɔ nam be magatsɔ alẽgbalẽ la awɔ dodokpɔ ɖekae. Fifia la, na alẽgbalẽ la nanɔ ƒuƒuie eye zãmu nadza ɖe anyigba dzi aƒo xlãe.”" data/train/JDG/JDG_013_Verse_002.mp3,"Egblɔ nam be, ‘Èle fu fɔ ge, àdzi ŋutsuvi, eya ta azɔ la, mègano wain alo aha muame bubu aɖeke o eye mègaɖu nu makɔmakɔ aɖeke o elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ na Mawu tso eƒe dzigbe va se ɖe eƒe kugbe.’ ”" data/train/JDG/JDG_003_Verse_012.mp3,Ehud ƒo eƒe miasi ɖe eƒe awu te heɖe adekpui si wòbla ɖe eƒe ɖusita ŋu la eye wònyrɔe ɖe fia la ƒe dɔ me. data/train/JDG/JDG_011_Verse_011.mp3,"Eɖo eŋu nɛ be “Fofonye, èɖe adzɔgbe na Yehowa; wɔm abe ale si nèdo ŋugbee ene elabena Yehowa bia hlɔ̃ wò futɔ siwo nye Amonitɔwo." data/train/JDG/JDG_002_Verse_022.mp3,"Yosua, Nun ƒe vi, Yehowa ƒe dɔla ku esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo," data/train/JDG/JDG_006_Verse_026.mp3,"Megblɔ na mi be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, migasubɔ Amoritɔwo ƒe mawuwo, ame siwo ƒe anyigba dzi miele la o, gake mieɖo tom o.’ ”" data/train/JDG/JDG_008_Verse_015.mp3,Gideon trɔ azɔ to asimɔ si to Noba kple Yogbeha ƒe ɣedzeƒe eye wòdze Midiantɔwo ƒe aʋakɔ dzi esi womenɔ mɔ kpɔm na wo kura o. data/train/JDG/JDG_020_Verse_035.mp3,"Israelʋakɔ blibo la yi Betel, wofa avi le Aƒetɔ la ŋkume vevie eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ. Wosa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa." data/train/JDG/JDG_011_Verse_019.mp3,kple kukuɖeɖe be wòava kplɔ yewoƒe aʋakɔ la le aʋawɔwɔ kple Amonitɔwo me. data/train/JDG/JDG_019_Verse_001.mp3,"Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi. Ɣe nɔ to ɖom esime wova ɖo Gibea, si nye Benyamin ƒe du sue aɖe me." data/train/JDG/JDG_009_Verse_000.mp3,"Abimelek da aʋalɔgo ɖeka ɖe dua ƒe agbo nu ale be Sekemtɔwo ƒe aʋawɔlawo mate ŋu atrɔ, asi yi dua me o, le esime aʋalɔgo eve bubuawo nɔ wo wum le gbedzi." data/train/JDG/JDG_005_Verse_029.mp3,"‘Ɖe menye afunyinu geɖe lɔm wole hele mamam nyɔnuvi ɖeka alo eve na ŋutsu ɖe sia ɖe, atsyɔ̃ɖowuwo na Sisera abe nuhaha ene, atsyɔ̃ɖowu siwo to wolɔ̃ nu ɖo, wolɔ̃ nu ɖe wo to nyuie be woadze kɔme nam eye esiawo katã nanye nuhaha oa?’" data/train/JDG/JDG_001_Verse_010.mp3,"Esi Israelviwo va kpɔ ŋusẽ la, wote Kanaantɔ ɖe anyi be woawɔ dzizizidɔ na yewo, gake womenya wo keŋkeŋ o." data/train/JDG/JDG_007_Verse_015.mp3,"Israelviwo lé Midiantɔwo ƒe aʋafia eveawo, Oreb kple Zeb. Wowu Oreb le agakpe si wotsɔ eƒe ŋkɔ na eye woyɔnɛ fifia be Oreb la gbɔ eye wowu Zeb le wainfiaƒe si woyɔna fifia be Zeb. Woti Midiantɔwo yome eye wotsɔ Oreb kple Zib ƒe tawo vɛ na Gideon le Yɔdan tɔsisi la godo." data/train/JDG/JDG_013_Verse_008.mp3,"Eɖo eŋu be, “Nu ka ŋuti nèle nye ŋkɔ biam ɖo? Nye ŋkɔ ƒo gɔmesese ta.”" data/train/JDG/JDG_018_Verse_029.mp3,"Ŋkutsala atɔ̃awo ge ɖe xɔ la me eye wolɔ aklamakpakpɛawo, kɔmewu la, aƒeli la kple legba la esime nunɔla la nɔ agbo la nu kple asrafo alafa ade (600) siwo kpla woƒe aʋawɔnuwo." data/train/JDG/JDG_001_Verse_031.mp3,"Yuda ƒe viwo zɔ ɖe Kanaantɔwo dzi le Hebron, afi si woyɔna tsã be Kiriat Arba eye wogbã du siawo: Sesai, Ahiman kple Talmai." data/train/JDG/JDG_016_Verse_023.mp3,"Samson gblɔ nɛ be, “Ne woablam kple datimeka yeye adre la, magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.”" data/train/JDG/JDG_005_Verse_004.mp3,"Esime Israel dze mawu bubuwo yome la, futɔwo ho aʋa ɖe wo ŋu. Míaƒe kplɔlawo mena akpoxɔnu alo akplɔ mí o womekpɔ aʋawɔnu aɖeke kura le Israelvi akpe blaene dome o!" data/train/JDG/JDG_016_Verse_001.mp3,"Ale Filistitɔwo lée, wogbã eƒe ŋkuwo, kplɔe yi Gaza, de gae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wona wòtua bli abe gaxɔmenɔla ene." data/train/JDG/JDG_001_Verse_009.mp3,"Emegbe wodze Debir, du si woyɔna tsã be Kiriat Sefer la dzi." data/train/JDG/JDG_004_Verse_021.mp3,"Tso gbe ma gbe dzi la, Israelviwo nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi ɖe Yabin, Kanaan fia ŋu va se ɖe esime wotsrɔ̃ eƒe amewo vɔ keŋkeŋ." data/train/JDG/JDG_008_Verse_026.mp3,"Nenema ke wogbe dɔmenyowɔwɔ na Yerubaal, ame si tso Gideon ƒe ƒome la me togbɔ be Gideon wɔ nu nyui geɖewo na wo hã." data/train/JDG/JDG_007_Verse_004.mp3,"Esi ame alafa etɔ̃awo (300) ku kpẽawo la, Yehowa de zi asaɖa la me be wotsɔ yi ɖe wo nɔewo ŋu. Woƒe asrafowo si yi ɖe Bet Sita ɖo ta Zerera gbɔ va se ɖe keke Abel Mehola si te ɖe Tabat ƒe liƒo dzi ke." data/train/JDG/JDG_020_Verse_031.mp3,Israelviwo ƒe aʋalɔgo gãtɔ si yi megbe elabena woɖo ŋu ɖe woƒe aʋalɔgo si de xa ɖi ƒo xlã Gibea la ŋu. data/train/JDG/JDG_009_Verse_019.mp3,"Esi Israelviwo kpɔ be Abimelek ku la, wokaka yi wo de." data/train/JDG/JDG_004_Verse_022.mp3,"Yael do go yi ɖakpe Sisera eye wògblɔ nɛ be, “Amegã, va nye agbadɔ me, makpɔ tawò eye ànɔ dedie eya ta mègavɔ̃ o.” Ale Sisera yi ɖamlɔ agbadɔ la me eye Yael tsyɔ kundru nɛ." data/train/JDG/JDG_007_Verse_013.mp3,"Gideon te ɖe agbadɔ aɖe ŋu esime futɔwo dometɔ ɖeka ku drɔ̃e, ɖi vo, nyɔ tso alɔ̃ me teti henɔ drɔ̃e la lĩm na nɔvia. Egblɔ be, “Meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe, abolo gã aɖe mli ge ɖe míaƒe asaɖa la me eye wòlɔ míaƒe agbadɔ la ƒu anyi gbloo!”" data/train/JDG/JDG_018_Verse_025.mp3,"Wolé to ɖe Levitɔ la ƒe gbegbɔgblɔ ŋu eye woɖe kpɔe hebiae be, “Nɔvi, nu ka wɔm nèle le afi sia? Afi ka nètso?”" data/train/JDG/JDG_006_Verse_001.mp3,"Amewo de asi biabia me be, “Ame kae wɔ nu sia?” Esi woku nya la gɔme nyuie la, wogblɔ na wo be, “Yoas ƒe viŋutsu, Gideon ye wɔe.”" data/train/JDG/JDG_002_Verse_003.mp3,"Esi Israelviwo se nya sia la, wofa avi hoo." data/train/JDG/JDG_013_Verse_005.mp3,"Esi wodzi ɖevia la, wona ŋkɔe be Samson. Mawu yrae eye wòtsi." data/train/JDG/JDG_001_Verse_005.mp3,Azɔ la Yosef ƒe aƒe la dze Betel dzi eye Yehowa nɔ kpli wo. data/train/JDG/JDG_004_Verse_001.mp3,Ale Mawu wɔ Israel ŋu dɔ hebɔbɔ Kanaan fia Yabin ɖe anyi le Israelviwo ŋkume. data/train/JDG/JDG_012_Verse_011.mp3,"Yefta yɔ Gilead ŋutsuwo ƒo ƒu eye woyi ɖawɔ aʋa kple Efraimtɔwo. Gileadtɔwo wu wo elabena Efraimtɔwo gblɔ be, “Mi Gileadtɔwo la, mienye ame dzeaglãwo le Efraim kple Manase me.”" data/train/JDG/JDG_019_Verse_005.mp3,"Egblɔ nɛ be, “Tso mídzo,” gake meɖo nya la ŋu nɛ o. Tete ŋutsu la kɔe da ɖe eƒe tedzi dzi eye wolé aƒemɔ tsɔ." data/train/JDG/JDG_009_Verse_020.mp3,"Esi Migdaltɔwo kpɔ nu si dzɔ la, wosi yi mɔ si te ɖe Baal Berit, ƒe subɔƒe la me." data/train/JDG/JDG_009_Verse_035.mp3,"ke mietso ɖe eŋu eye miewu via blaadre le kpe ɖeka dzi. Azɔ la, mietsɔ via Abimelek, ame si nye fofonye ƒe kosi vi la ɖo fiae elabena miaƒe ƒometɔ wònye." data/train/JDG/JDG_006_Verse_016.mp3,"Gideon ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ne Yehowa la li kplim la, ekema nu ka ta nu siawo katã dzɔ ɖe mía dzi? Gawu la, afi ka eƒe nukunu siwo katã ŋu mía fofowo ƒo nu na mí tsoe esi wogblɔ be, ‘Ɖe Yehowa mekplɔ mí do goe tso Egipte oa?’ la le? Ke azɔ la Yehowa gblẽ mí ɖi.”" data/train/JDG/JDG_002_Verse_012.mp3,"Le Yehowa ƒe dɔmedzoe si wòdo ɖe Israel ŋu ta la, etsɔ wo de asi na adzohawo eye woha wo. Etsɔ wo dzra na woƒe futɔ siwo ƒo xlã wo, ame siwo nu womagate ŋu nɔ te ɖo o." data/train/JDG/JDG_008_Verse_027.mp3,"Sikatogɛ siwo wòbia la ƒe kpekpeme va le kilogram wuiasiekɛ kple afã, ke womebu atsyɔ̃ɖonuwo, dzonu xɔasiwo kple awu dzĩ si Midian fiawo dona alo kɔga siwo wodena na woƒe kposɔwo la ɖe eme o." data/train/JDG/JDG_011_Verse_035.mp3,"Yefta ɖe adzɔgbe na Yehowa be, “Ne ètsɔ Amonitɔwo de asi nam la," data/train/JDG/JDG_021_Verse_014.mp3,"Ke míate ŋu atsɔ míawo ŋutɔ ƒe vinyɔnuwo na wo o elabena mí Israelviwo míeka atam be, Yehowa ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ nu sia la dzi.”" data/train/JDG/JDG_007_Verse_002.mp3,"Aƒetɔ la gblɔ na Gideon le zã me be, “Fɔ kaba! Kplɔ wò aʋawɔlawo, eye miadze Midiantɔwo dzi elabena mana miaɖu wo dzi!" data/train/JDG/JDG_017_Verse_003.mp3,"Gbe ɖeka la, Mika gblɔ na dadaa be, “Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa si nèbe ame aɖe fi, eye nèle fi ƒom le amea dem lae nye esi. Nyee fii.” Dadaa gblɔ nɛ be, “Mawu nayra wò le ale si nèʋu eme nam la ta.”" data/train/JDG/JDG_017_Verse_005.mp3,Legba la ƒe ha ƒomevi vovovowo nɔ Mika si eye wòtsɔ via ɖeka ɖo wo nunɔlae. data/train/JDG/JDG_019_Verse_016.mp3,"Ke nyɔnuvi la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wòsi yi fofoa gbɔ le Betlehem, henɔ afi ma ɣleti ene." data/train/JDG/JDG_011_Verse_027.mp3,"woɖo du ɖe Edom fia nɔ mɔ biam be, yewoato eƒe anyigba dzi gake Edom fia meɖe mɔ na wo o. Wobia mɔ ma ke Moab fia hã eye eya hã gbe eya ta Israelviwo nɔ Kades." data/train/JDG/JDG_018_Verse_017.mp3,"Gbã la, woƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe si nɔ Kiriat Yearim ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo le Yudanyigba dzi. Woyɔa teƒe sia egbegbe be, “Maham” si gɔmee nye “Dan ƒe Asaɖa.”" data/train/JDG/JDG_011_Verse_034.mp3,Yefta nye aʋawɔla sesẽ aɖe tso Gileadnyigba dzi. Dadaa nye gbolo eye fofoa ŋkɔe nye Gilead. data/train/JDG/JDG_021_Verse_013.mp3,"Ke ame aɖe ɖo ŋku Yehowa ƒe ŋkekenyui si woɖuna ƒe sia ƒe la dzi. Woɖua ŋkekenyui sia le Silo, si le Betel ƒe anyiehe kple mɔ si tso Betel yi Sekem ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kpakple Lebona ƒe dziehe la dzi." data/train/JDG/JDG_003_Verse_023.mp3,"Ke esi Israel do ɣli na Yehowa la, ena Kaleb ƒe tɔɖiayɔvi, Otniel, ame si nye Kenaz, Kaleb nɔviŋutsu ƒe vi la ɖe wo tso futɔwo si me." data/train/JDG/JDG_021_Verse_000.mp3,Afi ka míakpɔ nyɔnuwo le na ŋutsu ʋɛ siwo tsi agbe esi míetsɔ Yehowa ka atam be míatsɔ míaƒe vinyɔnuwo na woƒe ɖekakpuiwo woaɖe o?” data/train/JDG/JDG_007_Verse_007.mp3,"eye nàɖo to nya siwo gblɔm futɔwo le, ekema dzi aɖo ƒowò, eye nàtso enumake ɖe aʋa la wɔwɔ ŋu!” Ale Gideon kplɔ Pura ɖe asi eye wowɔ ɖɔɖɔɖɔ yi futɔwo ƒe nɔƒe." data/train/JDG/JDG_006_Verse_035.mp3,"Woƒua asaɖa anyi ɖe anyigba la dzi, gblẽa nukuawo yi keke Gaza ke eye womegblẽa nu gbagbe aɖeke ɖi na Israelviwo o, alẽwo loo, nyiwo loo alo tedziwo o." data/train/JDG/JDG_016_Verse_016.mp3,"Le esiawo megbe la, nɔviawo kple ƒometɔwo va be woaxɔ eƒe kukua, wokɔe yi eƒe anyigba dzi eye woɖii ɖe Zora kple Estaol dome, afi si woɖi fofoa, Manoa ɖo. Samson nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel ƒe blaeve." data/train/JDG/JDG_002_Verse_019.mp3,wogblẽe ɖi eye wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo. data/train/JDG/JDG_018_Verse_012.mp3,"Esi wole ɣli dom le wo yome la Dan ƒe viwo trɔ gblɔ na Mika be, “Nu kae le wɔwòm be nèyɔ wò amewo be woawɔ avu kpli mí?”" data/train/JDG/JDG_013_Verse_017.mp3,Mele be wòaɖu waintsetse alo ano wain alo aha muame o eye mele be wòaɖu nu makɔmakɔ aɖeke hã o. Ele be wòawɔ nu sia nu si ƒe se mede nɛ.” data/train/JDG/JDG_017_Verse_004.mp3,"Le ŋkeke mawo me la, fia aɖeke menɔ Israel o eya ta ame sia ame wɔa nu sia nu si dze eŋu." data/train/JDG/JDG_011_Verse_020.mp3,"Kpɔ ɖa, nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o: wò boŋue wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye be nèho aʋa ɖe ŋunye. Ke eteƒe madidi o, Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la la, adrɔ̃ ʋɔnu le mí Israelviwo kple mi Amonitɔwo dome.’ ”" data/train/JDG/JDG_016_Verse_005.mp3,"Azɔ edo ɣli be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson nyɔ hebu le ta me be, “Mawɔ abe tsã ene. Maʋuʋu ɖokuinye eye magado tso woƒe asi me.” Ke medze sii be Yehowa dzo le ye gbɔ o." data/train/JDG/JDG_004_Verse_023.mp3,"Yael tsɔ agbadɔ la ƒe tsyoti tsutsɔe aɖe kple zu, te ɖe Sisera ŋu dzaa esi wònɔ alɔ̃ me, eye wòƒo tsyoti la ɖe eƒe to me wòdo to to evelia me hemimi eƒe ta ɖe anyigba. Ale Sisera ku, elabena ɖeɖiteameŋu na wòdɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi." data/train/JDG/JDG_019_Verse_014.mp3,"eyi eƒe aƒetɔ ƒe aƒe me, edze anyi ɖe aƒea ƒe mɔnu eye wòtsi afi ma va se ɖe esime ŋu ke nyuie." data/train/JDG/JDG_016_Verse_029.mp3,"Ɖelila ble Samson nu wòdɔ alɔ̃ ɖe eƒe atata. Eyɔ ame aɖe vɛ, wòko Samson ƒe ɖakɔ adreawo nɛ, ale Samson de asi gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye eƒe ŋusẽ dzo. Ɖelila de asi kɔtutui me elabena ekpɔ be eƒe ŋusẽ dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ." data/train/JDG/JDG_008_Verse_006.mp3,"Egblɔ na wo be, “Nu ɖeka le asinye, mabia mi, eyae nye be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ sikatogɛ ɖeka nam le eƒe afunyinuawo dome.” Enye Ismaeltɔwo ƒe kɔnu be woade sikatogɛwo." data/train/JDG/JDG_016_Verse_002.mp3,"Ale Samson gblɔ nya sia nya nɛ be, “Womelũ ta nam kpɔ o elabena menye Naziritɔ si woɖe ɖe aga na Mawu tso nye dzidzime ke. Ne woalũ ta nam la, nye ŋusẽ adzo le gbɔnye eye magbɔdzɔ abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.”" data/train/JDG/JDG_019_Verse_007.mp3,"Esi wòkpɔ be amedzroawo dro ɖe ablɔme la, ebia afi si wotso kple afi si woyina la wo." data/train/JDG/JDG_005_Verse_019.mp3,Nu ka ta mietsi aƒe le miaƒe alẽkplɔlawo gbɔ be miaɖo to alẽkplɔlawo woanɔ woƒe dzewo kum? Mama ɖo Ruben ƒe viwo dome: ɖe woayia? Ɖe woagbe yiyia? data/train/JDG/JDG_019_Verse_024.mp3,"Woɖo be yewoatsi afi ma adɔ, ke esi ame aɖeke mekpe wo be woava dze ye gbɔ o ta la, wodro ɖe dua ƒe ablɔme." data/train/JDG/JDG_004_Verse_009.mp3,"Esi Barak zɔ gbɔna la, Yehowa de tɔtɔ Sisera, eƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔ la dome kple yi eye Sisera ŋutɔ ɖi le eƒe tasiaɖam me heto afɔ si." data/train/JDG/JDG_019_Verse_029.mp3,"Ŋutsu tsitsi la kplɔ wo yi aƒe mee, ena nuɖuɖu woƒe tedziwo. Esi woklɔ woƒe afɔwo vɔ la, woɖu nu eye wono nu." data/train/JDG/JDG_013_Verse_023.mp3,Yehowa ƒe Gbɔgbɔ de asi edzidzedze me le Dan ƒe asaɖa me le Zora kple Estaol duawo dome. data/train/JDG/JDG_020_Verse_022.mp3,"Gbe ma gbe la, Benyamin ƒe to la me tɔ akpe blaeve vɔ atɔ̃, ame siwo nye yidala kalẽtɔwo la tsi aʋa." data/train/JDG/JDG_019_Verse_026.mp3,"Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ao, míayi amedzrowo ƒe du me, du si me tɔwo menye Israelviwo o. Míayi Gibea.”" data/train/JDG/JDG_020_Verse_000.mp3,Agbetsilawo si yi gbedzi le Rimon kpe la gbɔ le esime wowu wo dometɔ ame akpe atɔ̃ le mɔa dzi eye wogawu ame akpe eve le Gidom gbɔ. data/train/JDG/JDG_004_Verse_002.mp3,"Ame si nɔ ʋɔnu drɔ̃m na Israel ɣe ma ɣie nye nyɔnu Nyagblɔɖila Debora, Lapidot srɔ̃." data/train/JDG/JDG_003_Verse_009.mp3,"Amonitɔwo kple Amalekitɔwo kpe ɖe Moab fia la ŋu; woɖu Israelviwo dzi, eye woxɔ Yeriko, du si woyɔna be “Detiwo ƒe Du”" data/train/JDG/JDG_019_Verse_009.mp3,"Esi woɖo afi ma la, subɔla la gblɔ nɛ be, “Zã do akpa na mɔzɔzɔ eya ta na míatsi afi sia adɔ.”" data/train/JDG/JDG_014_Verse_002.mp3,Ale wotsɔ Samson srɔ̃ na ŋutsu si nɔ Samson ŋu le esime wòlé alɔ kple srɔ̃a. data/train/JDG/JDG_009_Verse_018.mp3,"Esi Gaal kpɔ wo la, edo ɣli gblɔ na Zebul be, “Kpɔ to ma dzi ɖa! Medze abe amewoe le ɖiɖim tso afi ma gbɔna ene oa?” Zebul ɖo eŋu be, “Ao! Vɔvɔliwo ko kpɔm nèle abe amewo ene!”" data/train/JDG/JDG_008_Verse_022.mp3,"Ke Sukɔt ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be “Ɖe miaƒe asi su Zeba kple Zalmuna dzi xoxoa? Ne míena nuɖuɖu mi eye miete ŋu lé wo o la, woatrɔ ava wu mí.”" data/train/JDG/JDG_012_Verse_004.mp3,"Gileadtɔwo xɔ Yɔdan tɔtsoƒe siwo ge ɖe Efraimnyigba dzi eye ne ame siwo tsi agbe le Efraimtɔwo dome gblɔ be, “Na matso tɔ la” la, ekema Gilead ŋutsuwo abiae be, “Efraimtɔe nènyea?” Ne eɖo eŋu be, “Ao” la," data/train/JDG/JDG_019_Verse_022.mp3,"Sẽe ko la, ŋutsu tsitsi aɖe tso agble gbɔ va yina aƒe me. Etso Efraim ƒe tonyigba dzi, ke fifia la ele Gibea, togbɔ be Gibea nɔ Benyamin ƒe anyigba dzi hã." data/train/JDG/JDG_002_Verse_018.mp3,Tete Israelviwo wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wosubɔ Baalwo. data/train/JDG/JDG_008_Verse_000.mp3,"Ahiãvi aɖe hã nɔ esi le Sekem, ame si ha dzi ŋutsu aɖe nɛ, si wòna ŋkɔe be Abimelek." data/train/ECC/ECC_011_Verse_010.mp3,"Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, eye nàna wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpuime. Zɔ ɖe wò dzi ƒe didi kple wò ŋku ƒe nukpɔkpɔ nu, ke nyae be Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wò le nu siawo katã ta," data/train/ECC/ECC_002_Verse_012.mp3,"Eya ta azɔ la, melé fu agbenɔnɔ blibo la, elabena susu aɖeke mele nu siwo wowɔna le ɣea te la dometɔ aɖeke me o, elabena wo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko." data/train/ECC/ECC_002_Verse_005.mp3,"Azɔ la, meɖo be malé ŋku ɖe nunya, tsukuku kple bometsitsi ŋu, elabena nu bubu ka ame si ava ɖe fia yome la ate ŋu awɔ? Nu si tututu wowɔ va yi la koe!" data/train/ECC/ECC_007_Verse_005.mp3,Ke mègavɔ̃ɖi akpa loo alo nàtsi bome akpa o! Nu ka ta nàku hafi wò azã nasu? data/train/ECC/ECC_002_Verse_019.mp3,"mewɔ abɔwo kple yaxɔƒewo, medo atiwo kple kutsetseti ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe wo me." data/train/ECC/ECC_002_Verse_008.mp3,"Elabena Mawu naa nunya, gɔmesese kple dzidzɔ ame siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze le, ke etsɔa dɔ sesẽ wɔwɔ na nu vɔ̃ wɔlawo be woaƒo ƒu nu alo ali kɔ nu, ale be Mawu natsɔ wo ana ame si dze eŋu. Ale eme kɔ ƒãa be esia hã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko ƒe kpɔɖeŋu." data/train/ECC/ECC_012_Verse_013.mp3,"Ɛ̃, ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi agbe ƒe klosaloka natso, sikagba nagbã, tɔmedeze nagbã le tsi dzidzi to, tsidumɔ ƒe troƒe nafli ɖa," data/train/ECC/ECC_008_Verse_014.mp3,"tete mekpɔ nu siwo katã Mawu wɔ. Ame aɖeke mate ŋu ase nu siwo yia edzi le ɣe la te gɔme o. Togbɔ be edze agbagba be yeaku nuwo gɔme hã la, amegbetɔ mate ŋu ake ɖe woƒe gɔmesese ŋu o. Ne nunyala aɖe atɔ asi akɔ be yenya nu hã la, mate ŋu ase egɔme wòade o." data/train/ECC/ECC_009_Verse_015.mp3,"Nunya nyo wu aʋawɔnuwo, ke nu vɔ̃ wɔla ɖeka ate ŋu agblẽ nu geɖe." data/train/ECC/ECC_001_Verse_000.mp3,"Dzidzime ɖeka nu va yina eye bubu vana, ke anyigba ya ganɔa anyi nenema ko tegbee." data/train/ECC/ECC_001_Verse_001.mp3,"elabena nuxaxa sɔ gbɔ ɖe nunya geɖe me, eye ame sia ame si dzia sidzedze ɖe edzi la, dzia nuxaxa ɖe edzi." data/train/ECC/ECC_010_Verse_008.mp3,"Gawu la, mekpɔ subɔlawo wonɔ sɔ dom le esime fiaviŋutsuwo nɔ afɔ zɔm abe subɔlawo ene!" data/train/ECC/ECC_009_Verse_002.mp3,Ame aɖeke menyaa gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe ye dzi o. Edzɔna ko abe tɔmelã si woɖe le ɖɔ me alo xevi si woɖe le mɔ me ene. data/train/ECC/ECC_001_Verse_009.mp3,"Nu si glɔ̃ da ɖi la, womagate ŋu adzɔe o eye nu si meli o la, womate ŋu axlẽe o." data/train/ECC/ECC_005_Verse_015.mp3,"Ne èkpɔ wole ame dahe aɖe tem ɖe to eye womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o le teƒe aɖe le anyigba blibo la dzi la, mègana wòawɔ nuku na wò o elabena amegã ɖe sia ɖe le tatɔ aɖe te eye ame bubuwo gale tatɔawo hã tame." data/train/ECC/ECC_005_Verse_019.mp3,"Wò nu megatsɔ blablabla o, eye wò dzi megatsɔ ne wòaƒo nu le Mawu ŋkume o, elabena Mawu le dziƒo ke, le esime wò ya nèle anyigba dzi le afii eya ta mègaƒo nu blablabla o." data/train/ECC/ECC_003_Verse_015.mp3,Nu ka tututu amegbetɔ kpɔna tso dɔ sesẽ wɔwɔ me? data/train/ECC/ECC_002_Verse_020.mp3,"Mewɔ nu gãwo na ɖokuinye: metu xɔwo, mede waingblewo," data/train/ECC/ECC_010_Verse_014.mp3,"Ne wò amegã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la, mègadzo le egbɔ o, elabena blewu tsia dɔmedzoe helĩhelĩ nu." data/train/ECC/ECC_007_Verse_017.mp3,"Ne nunyala ka mo na ame la, enyo wu bometsila nakafu ame" data/train/ECC/ECC_007_Verse_028.mp3,"Ɛ̃, nunyala bua ku ŋu vevie ke bometsila bua agbeɖuɖu fifia ko ŋu." data/train/ECC/ECC_008_Verse_006.mp3,"Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ zi alafa ɖeka eye wòganɔa agbe kokoko hã la, nenyae nyuie be ame siwo vɔ̃a Mawu la tɔ anyo wu godoo." data/train/ECC/ECC_010_Verse_001.mp3,"Ame si le fia maɖamaɖa ŋu dɔ wɔm la, wɔa eƒe ŋusẽ geɖe ŋu dɔ. Dze nunya eye nànyre fia la nyuie." data/train/ECC/ECC_009_Verse_012.mp3,"Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o." data/train/ECC/ECC_009_Verse_001.mp3,"Ale medze sii be togbɔ be nunya xɔ asi wu ŋusẽ hã la, ne nunyala la nye ame dahe ko la, woado vloe eye eƒe nuƒoƒo madze ame ŋu o." data/train/ECC/ECC_007_Verse_022.mp3,"Nyagblɔla gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nu si ŋu meke ɖo lae nye, woatsɔ nu ɖeka akpe bubu be woanya ɖoɖo si le nuwo me." data/train/ECC/ECC_006_Verse_008.mp3,"Ne wò nyawo sɔ gbɔ la, gɔmesese geɖe manɔ wo ŋu o, ekema nu ka ta nàɖe fu na ɖokuiwò be yeaƒo nu kura?" data/train/ECC/ECC_006_Verse_009.mp3,Nu kae nunyala tsɔ nyo wu bometsila? Viɖe kae ame dahe kpɔna ne enya ale si wòalé eɖokui le amewo ŋkume? data/train/ECC/ECC_009_Verse_007.mp3,"Eya ta ɖu nu, nàno nu eye nàkpɔ dzidzɔ elabena wò dɔwɔwɔwo dze Mawu ŋu xoxo!" data/train/ECC/ECC_008_Verse_005.mp3,"Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ woɖi ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vaa teƒe kɔkɔe la, doa go, eye wokafua wo le du si me wowɔ esia le. Gɔmesese aɖeke mele nu sia hã ŋu o." data/train/ECC/ECC_007_Verse_013.mp3,"Mègade xa ɖi hena nyasese o, àva se wò dɔla wòanɔ fi ƒom de wò!" data/train/ECC/ECC_003_Verse_010.mp3,"Kpekakaɣi li, eye kpeƒoƒuɣi li. Asikplakɔɣi li, eye asiɖelekɔɣi li." data/train/ECC/ECC_007_Verse_016.mp3,"Mekpɔe hã be togbɔ be Mawu wɔ amegbetɔwo wonye ame dzɔdzɔewo hã la, wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ dze eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ mɔ dzi.”" data/train/ECC/ECC_009_Verse_010.mp3,"Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie, eye mede dzesii be ame dzɔdzɔewo kple nunyalawo kple woƒe dɔwɔwɔwo katã le Mawu ƒe asi me. Ame aɖeke menya ne ave wo nu loo alo mave wo nu o. Esiawo katã le wo ŋgɔ." data/train/ECC/ECC_007_Verse_021.mp3,Nuxaxa nyo wu nukoko elabena blanuiléle wɔa dɔ nyui ɖe mía dzi. data/train/ECC/ECC_003_Verse_005.mp3,"evelia la, ele be wòaɖu nu, ano nu eye wòaɖu agbe kple nu siwo do tso eƒe dagbadagbawo me elabena esiawoe nye nunana tso Mawu gbɔ." data/train/ECC/ECC_004_Verse_005.mp3,"Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu. Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo; kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o, le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi." data/train/ECC/ECC_005_Verse_008.mp3,"Eƒe gome le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me la zua viviti, dziɖeleameƒo, dadaƒu kple dɔmedzoedodo." data/train/ECC/ECC_007_Verse_001.mp3,"Àte ŋu atsɔ ga alo nunya akpɔ nu sia nu, gake nyui geɖe le nunyalanyenye me." data/train/ECC/ECC_002_Verse_023.mp3,Meɖe tsitawo ale be mate ŋu aku tsi tso wo me ade ati siwo medo ɖe ave aɖe me. data/train/ECC/ECC_007_Verse_024.mp3,Wò ŋutɔ ènya zi geɖe siwo nèƒoa fi dea amewoe! data/train/ECC/ECC_006_Verse_006.mp3,"Ne ame aɖe anɔ agbe ƒe akpe ɖeka zi eve gake makpɔ dzidzeme aɖeke o la, ekema viɖe kae le eƒe agbenɔnɔ ŋu?" data/train/ECC/ECC_001_Verse_003.mp3,"Le nye nugɔmesese nu la, viɖe aɖeke mele naneke ŋu o; nu sia nu nye tofloko ko." data/train/ECC/ECC_006_Verse_005.mp3,"makpɔ ɣe kpɔ o, eye manya be ɣe li gɔ̃ hã o la, anyo nɛ alea sãa wu be wòava zu amegãɖeɖi si makpɔ dzidzɔ aɖeke o." data/train/ECC/ECC_012_Verse_012.mp3,"Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ŋkeke vɔ̃wo nava eye ƒe siwo me màgakpɔ dzidzɔ le agbeɖuɖu ŋu le o la nagogo." data/train/ECC/ECC_005_Verse_020.mp3,Ƒãa hafi wòbua eƒe agbemeŋkekewo ŋu. Mawu naa eƒe susu nɔa dzidzɔ si le eƒe dzi me la ŋu ɣeawo katã ɣi. data/train/ECC/ECC_010_Verse_012.mp3,Mekpɔe be wona ŋusẽ gã bometsilawo hetsɔ wo ɖo amewo nu eye wometsɔ bubuteƒe na kesinɔtɔwo abe ale si dze ene o. data/train/ECC/ECC_001_Verse_005.mp3,"Megblɔ le nye dzi me be, “Kpɔ ɖa, menya nu wu ame siwo katã ɖu fia le Yerusalem do ŋgɔ nam. Ɛ̃, nuteƒekpɔkpɔ, nunya kple gɔmesese yɔ nye dzi me fũu wu wo.”" data/train/ECC/ECC_005_Verse_010.mp3,"Gawu la, ne Mawu na kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo ame aɖe eye wòna amenuvevee be wòaɖui, axɔ nu si nye etɔ gome eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me la, nunanae wònye tso Mawu gbɔ." data/train/ECC/ECC_010_Verse_017.mp3,"Nuɖuɖu hea nukoko vanɛ, wain hea dzidzɔ vanɛ, eye gae dia nu sia nu kpɔna." data/train/ECC/ECC_010_Verse_015.mp3,"Nudzodzoe kukuwo ana amiʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ la ƒe atukpa blibo ɖeka gɔ̃ hã naʋẽ kũu! Ɛ̃, vodada sue aɖe ate ŋu agblẽ nunya geɖe kple bubu gã me." data/train/ECC/ECC_012_Verse_005.mp3,"Ke esi Nyagblɔla nye nunyala ta la, eyi nu siwo katã wònya la fiafia amewo dzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, eƒo ƒu lododowo, eye wòma wo ɖe tanya vovovowo te," data/train/ECC/ECC_009_Verse_013.mp3,"Nu sia nu si wowɔ le woƒe agbenɔɣi, abe lɔlɔ̃, fuléle alo ŋuʋaʋã ene la, woŋlɔ wo be keŋkeŋ eye wɔƒe aɖeke megale wo ŋu le xexe sia me o." data/train/ECC/ECC_003_Verse_021.mp3,"Wo katã yia teƒe ɖeka ma, si nye anyi si me wotso kple esi ke woagatrɔ azu," data/train/ECC/ECC_001_Verse_010.mp3,"Nu siwo nɔ anyi va yi la, woawo ke koe agatrɔ ava eye nu siwo wowɔ kpɔ la, woawo ke ko woagawɔ. Nu yeye aɖeke mele ɣe la te o." data/train/ECC/ECC_005_Verse_006.mp3,"Ame si ɖoa ŋu ɖe dɔwɔna sia tɔgbi ŋu la, trɔna kaba yia ahedada me, afi si wòdze dɔa gɔme tsoe." data/train/ECC/ECC_012_Verse_000.mp3,"Àvɔ̃ na dzidede kple gege, eye nàzu amegãɖeɖi si anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ, ame si nyɔnugbɔdɔdɔ magadzro o, ame si atsi tsitre ɖe ku ƒe agbo nu, eye wòagogo eƒe aƒe mavɔ esime konyifalawo nɔa ablɔ dzi zɔm." data/train/ECC/ECC_009_Verse_003.mp3,Do awu nyuiwo eye mègana ɖamemi navɔ le wò ta me o. data/train/ECC/ECC_002_Verse_001.mp3,"Ale metrɔ be mana dzi naɖe le ƒonye le dɔ siwo katã mewɔ le ɣea te la ŋu," data/train/ECC/ECC_008_Verse_008.mp3,"Le esi Mawu mehea to na nu vɔ̃ wɔlawo o ta la, amewo buna be ne yewowɔ nu vɔ̃ hã la, yewole dedie." data/train/ECC/ECC_006_Verse_011.mp3,"Nya siae nye Mawu tsɔ kesinɔnu geɖe kple bubu na ame aɖewo, ale be woate ŋu akpɔ nu sia nu si wodi la, ke mena lãmesesẽ wo be woaɖu agbe kple nu siawo o. Wokuna, eye ame bubuwo sãa xɔa kesinɔnu siawo katã! Nu sia nye nu masɔmasɔ, tofloko kple vodada gã aɖe." data/train/ECC/ECC_004_Verse_006.mp3,"Enyo be ame nanye ɖekakpui nyanu si da ahe wu be wòanye fia tsitsi aɖe si nye bometsila, eye wògbea aɖaŋu ɖe sia ɖe xɔxɔ." data/train/ECC/ECC_002_Verse_015.mp3,"Kpɔ ɖa, eƒe ŋkekewo katã nye vevesese ko eye eƒe dɔwɔwɔwo katã nye nuxaxa ko. Le zã me gɔ̃ hã la, eƒe dzi mekpɔa gbɔdzɔe o. Esia gɔ̃ hã nye tofloko ko." data/train/ECC/ECC_002_Verse_011.mp3,elabena nunyala kple bometsila siaa le kuku ge eye woaŋlɔ wo ame eveawo be keŋkeŋ le ŋkeke siwo gbɔna la me. data/train/ECC/ECC_004_Verse_004.mp3,Bometsila bla asi ɖe akɔnu eye wògblẽ eɖokui dome. data/train/ECC/ECC_004_Verse_001.mp3,Ame eve ate ŋu awɔ dɔ wu ame ɖeka ƒe dɔwɔwɔ ƒe teƒe eve elabena woƒe nukpɔkpɔ anyo sãa wu. data/train/ECC/ECC_002_Verse_013.mp3,"Eya ta megblɔ le nye dzi me be ale si bometsila aku la, nenema tututue nye hã makue, eya ta viɖe kae le nunya ŋu nam? Medze sii azɔ be nunya gɔ̃ hã, toflokoe;" data/train/ECC/ECC_005_Verse_004.mp3,"Ame dahe si wɔa dɔ sesĩe la, dɔa alɔ̃ nyuie ne eɖu nu sue aɖe alo ne eɖu nu fũu, ke kesinɔtɔwo ya tsia dzimaɖi eye womekpɔa alɔ̃ dɔna o." data/train/ECC/ECC_007_Verse_027.mp3,Ŋusẽ le nunyala ɖeka ŋu wu du gã ewo ƒe dziɖulawo! data/train/ECC/ECC_006_Verse_004.mp3,"Le míaƒe agbemeŋkeke ʋɛ siawo me la, ame ka ate ŋu agblɔ ale si ame nawɔ eƒe ŋkekewo ŋu dɔ nyuie? Ame ka ate ŋu anya nu si ava nye nyuitɔ le ŋgɔgbea ne amea nu va yi? Elabena ame kae nya etsɔ me?" data/train/ECC/ECC_005_Verse_005.mp3,"Ame si lɔ̃a ga la, makpɔ ga wòasɔ gbɔ nɛ, adze eŋu gbeɖe o. Enye bometsitsi be ame nabu be kesinɔnuwoe naa dzidzɔkpɔkpɔ ame!" data/train/ECC/ECC_010_Verse_000.mp3,"Ame si gbãa kpe la, eyae kpe wɔa nuvevii! Ame si dzea nake la, eyae fia sina!" data/train/ECC/ECC_012_Verse_002.mp3,"elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu mí le nu siwo katã míewɔ le adzame kple gaglãgbe siaa, eɖanye nyui alo vɔ̃." data/train/ECC/ECC_003_Verse_011.mp3,"Le esia megbe la, medze sii be, “Mawu le mɔ ɖem be xexea me nalé eƒe nu vɔ̃ mɔ atsɔ, ale be yeate ŋu ado amegbetɔƒomea kpɔ, eye amegbetɔwo ŋutɔ nakpɔe be yewole abe gbemelãwo ene." data/train/ECC/ECC_003_Verse_014.mp3,"Megblɔ na ɖokuinye be, “Ne azã la su ko la, Mawu ahe nu sia nu si ame aɖe wɔna, nyui kple vɔ̃ siaa ayi ʋɔnue.”" data/train/ECC/ECC_004_Verse_000.mp3,Ale mebu be ame kukuwo tɔ nyo sãa wu agbagbeawo tɔ data/train/ECC/ECC_001_Verse_011.mp3,Nuwo katã le dagbadagba dzi eye amegbetɔ mate ŋu aƒo nu le eŋu wòade edeƒe o: nukpɔkpɔ meɖia kɔ na ŋku o abe ale si nyasese meɖia ƒo na to o ene. data/train/ECC/ECC_012_Verse_007.mp3,"nàgatrɔ azu anyi si nènye tsã eye gbɔgbɔ la natrɔ ayi Mawu, ame si tsɔe na wò la gbɔ." data/train/ECC/ECC_006_Verse_002.mp3,"elabena togbɔ be eƒe dzidzi anye tofloko le ɣe ma ɣi, eye wòawu enu le viviti me, eye womatsɔ ŋkɔ nɛ gɔ̃ hã o," data/train/ECC/ECC_004_Verse_013.mp3,Nu asiʋlo ɖeka si ŋuti ŋutifafa le la nyo wu nu asiʋlo eve si ŋuti sreɖidzedze kple dagbadagba ɖe yame kpe ɖo. data/train/ECC/ECC_007_Verse_010.mp3,"Medii le afi sia afi, meɖo ta me kplikpaa be nye asi nasu nunya kple ŋuɖoɖowo na nye biabiawo dzi, eye maɖee fia ɖokuinye be vɔ̃ɖivɔ̃ɖi nye lãdzɔdzɔ, eye bometsitsi nye tsukuku." data/train/ECC/ECC_002_Verse_009.mp3,elabena megblɔ be enye movidzɔdzɔ be woanɔ nu kom ɖaa; nyui kae doa go tso eme? data/train/ECC/ECC_006_Verse_007.mp3,"Ne viŋutsu alafa ɖeka kple vinyɔnu alafa ɖeka anɔ ame aɖe si, eye wòatsi axɔ ƒe geɖe, gake ga si wòagblẽ ɖi hafi aku la le sue ale gbegbe be viawo mate ŋu aɖii, ade bubu eŋu o la, mele egblɔm be anyo nɛ wu ne eku le eƒe dzigbe," data/train/ECC/ECC_011_Verse_007.mp3,"Ne tsi sɔ gbɔ ɖe lilikpowo me la, tsi dzana. Ne ati aɖe mu eye wòdze dziehe alo anyiehe gome la, etsia afi si wòdze." data/train/ECC/ECC_007_Verse_011.mp3,"Medze agbagba ɖe sia ɖe be manya nu. Megblɔ be, “Mazu nunyala kokoko” Ke medze edzi nam nenema o." data/train/ECC/ECC_005_Verse_001.mp3,"Abe ale si megblɔ do ŋgɔ ene la: Nya sia nye nya sesẽ aɖe, elabena amea ƒe dagbadagba sia katã va zua tofloko kple ayadɔwɔwɔ ko. Eƒe nuwo katã buna." data/train/ECC/ECC_005_Verse_003.mp3,"alo kesinɔnu si wobu to dzɔgbevɔ̃e me, ale be ne viŋutsu le amea si la, naneke matsi anyi na viŋutsu la o." data/train/ECC/ECC_003_Verse_001.mp3,"Amewuɣi li, eye gbedaɣi li. Nugblẽɣi li, eye nudzraɖoɣi li." data/train/ECC/ECC_003_Verse_003.mp3,"elabena ame ka ate ŋu aɖee fia bena, amegbetɔ ƒe gbɔgbɔ ɖoa ta dzi, ke lãwo tɔ ya ɖoa ta anyi, gena ɖe tome?”" data/train/ECC/ECC_010_Verse_011.mp3,"Mègado ɖiŋu na fia la le wò susu me ke gɔ̃ hã o; mègaƒo fi de kesinɔtɔ le wò xɔ gã me ke gɔ̃ hã o, elabena xevi sue aɖe agblɔ nu si nègblɔ tso wo ŋu la na wo." data/train/ECC/ECC_007_Verse_004.mp3,eya ta mègawɔ nu dzɔdzɔe akpa o eye mèganya nu tso eme akpa o. Nu ka ta nàwu ɖokuiwò? data/train/ECC/ECC_011_Verse_003.mp3,"eya ta ɖe nuxaxa ɖa le wò dzime, eye nàte nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa xaa tso wò ŋutilã gbɔ, elabena ɖekapuimenɔnɔ kple ŋutsumeɖoɖo hã nye tofloko ko." data/train/ECC/ECC_007_Verse_020.mp3,Nuwuwu nyo wu gɔmedzedze! Dzigbɔɖi nyo wu ɖokuidodoɖedzi. data/train/ECC/ECC_002_Verse_007.mp3,elabena ame kae ate ŋu ato Mawu megbe aɖu nu alo aɖu agbe? data/train/ECC/ECC_001_Verse_017.mp3,Ya ƒona ɖoa ta dziehe eye wòtrɔna yia anyiehe. Etrɔna toa eme madzudzɔmadzudzɔe eye wògatrɔna yia afi si wòdze egɔme tsoe. data/train/ECC/ECC_005_Verse_016.mp3,"Ne èle gegem ɖe gbedoxɔ me la, ke wò towo ɖi eye nàmia wò nu! Mèganye bometsila si menyana gɔ̃ hã be enye nu vɔ̃ be nàɖe adzɔgbe na Mawu tamemabumabutɔe o," data/train/ECC/ECC_012_Verse_004.mp3,"elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime tsitsi ana wò afɔwo kple abɔwo nadzo nyanyanya, wò ata sesẽwo nagbɔdzɔ, wò aɖuwo dometɔ geɖewo natu eye wò ŋkuwo hã natsi" data/train/ECC/ECC_007_Verse_008.mp3,Kuteƒedede nyo wu aglotuƒedede elabena èle kuku ge eye enye nu nyui be nàbu ku ŋu le esime ɣeyiɣi gale ŋgɔwò. data/train/ECC/ECC_002_Verse_002.mp3,"Ale metso nya me be naneke meli si nyo na amegbetɔ wu be wòaɖu nu, ano nu eye wòana eƒe luʋɔ nakpɔ dzidzɔ le eƒe agbagbadzedzewo ŋu o. Mekpɔe be esia hã, Mawu ƒe asimee wòtsona," data/train/ECC/ECC_011_Verse_000.mp3,"Ame si léa ŋku ɖe ya ƒe ƒoƒo ŋu la, meƒãa nu o eye ame si léa ŋku ɖe lilikpowo ŋu la, meŋea nu o." data/train/ECC/ECC_009_Verse_005.mp3,Elabena agbagbeawo nya nu ɖeka sia be yewole kuku ge ke kukuawo ya menya naneke o eye womeɖoa ŋku naneke dzi hã o. data/train/ECC/ECC_001_Verse_018.mp3,Ɣe hã dzena eye wòɖoa to; eɖea abla yia afi si wòdze tso. data/train/ECC/ECC_005_Verse_014.mp3,Mekpɔ nu vɔ̃ɖi gã aɖe le ɣea te: eyae nye kesinɔnu si woli kɔe da ɖi wòva zu nuveviwɔame na nutɔ data/train/ECC/ECC_005_Verse_017.mp3,"Ne èzi kpi, mèdo ŋugbe be yeawɔ nane o la, enyo sãa wu be nàdo ŋugbe be yeawɔ nane eye nàgbe ewɔwɔ." data/train/ECC/ECC_009_Verse_004.mp3,"Du sue aɖe nɔ anyi; ame ʋɛ aɖewo koe nɔ eme. Fia gã aɖe va kple eƒe aʋakɔ, eye woɖe to ɖee." data/train/ECC/ECC_012_Verse_011.mp3,"Ɖo ŋku wò Wɔla dzi hafi ɣe, kekeli, ɣleti kple ɣletiviwo nado viviti, eye lilikpowo natrɔ agbɔ le tsidzadza megbe," data/train/ECC/ECC_007_Verse_014.mp3,"Mègado dɔmedzoe kabakaba o, elabena dɔmedzoedodo kabakaba nana ame zua bometsila." data/train/ECC/ECC_001_Verse_006.mp3,"Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko." data/train/ECC/ECC_010_Verse_013.mp3,"Ne da ɖu ame hafi wosa gbe de daa la, ekema gbesala mewɔ dɔ nyui aɖeke o." data/train/ECC/ECC_008_Verse_015.mp3,"Togbɔ be ame ƒe nukpekeamewo ate ɖe edzi vevie hã la, ɣeyiɣi kple mɔnu nyuitɔ li na nudzɔɖeamedzi." data/train/ECC/ECC_004_Verse_008.mp3,"Gawu la, woate ŋu aɖu ame ɖeka dzi bɔbɔe gake ame eve ate ŋu anɔ akpa ɖeka eye woaɖu dzi. Nu si ganyo wu esiae nye, ame etɔ̃ nanɔ akpa ɖeka elabena ka si wotsɔ ka sue etɔ̃ lɔ̃e la menya lãna bɔbɔe o." data/train/ECC/ECC_007_Verse_018.mp3,Nunya le didiƒe ke eye esesẽ ŋutɔ be woake ɖe eŋu. data/train/ECC/ECC_004_Verse_012.mp3,"Ne ɖeka dze anyi la, evelia afɔe, ke ne amea nye ɖeka eye wòdze anyi la, egena ɖe fukpekpe me." data/train/ECC/ECC_012_Verse_001.mp3,"ekema nàna wò nuyiwo namia tititi ne èle nu ɖum esi wò aɖuwo tu vɔ la ta! Àfɔ le fɔŋli, ne xeviwo de asi hadzidzi me, ke màgase nu o eye wò gbe anɔ ƒoƒom, màgate ŋu adzi ha o." data/train/ECC/ECC_001_Verse_008.mp3,"Nane koŋ li si ŋu woate ŋu agblɔ le be, “Kpɔ ɖa, nu sia ya nye nu yeye” mahã? Enɔ anyi kpɔ le blema ke, do ŋgɔ na mí." data/train/ECC/ECC_012_Verse_010.mp3,Nyagblɔla be nuwo katã nye tofloko ko. data/train/ECC/ECC_012_Verse_009.mp3,"Nya blibo la ƒe taƒonyae nye: Vɔ̃ Mawu, eye nàwɔ eƒe sewo dzi, elabena esia koe nye amegbetɔwo ƒe dɔdeasiwo katã ƒe ƒuƒoƒo" data/train/ECC/ECC_008_Verse_001.mp3,"Ame aɖeke mate ŋu asi le ku nu o eye ŋusẽ mele ame aɖeke ŋu be wòaxe mɔ na eƒe kugbe ƒe ɖoɖo o, elabena ame aɖeke meli si ŋgɔ ku mele o. Eme kɔ ƒãa be amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mate ŋu akpe ɖe eŋu le ɣeyiɣi ma me o." data/train/ECC/ECC_005_Verse_012.mp3,"Ke nu ɖeka pɛ ya nyo, eyae nye wòaɖu nu nyuie, ano wain kɔŋkɔ gã ɖeka, ana eƒe ɖoƒe le agbe me nadze eŋu eye wòana dɔ sia dɔ si wòwɔna la nado dzidzɔ nɛ to ɣeyiɣi si me Mawu ana wòanɔ agbe la me." data/train/ECC/ECC_010_Verse_002.mp3,"Ame si ɖea vudo la, eyae gena ɖe eme. Ame si gbãa gli toa eme la, eyae da ɖuna." data/train/ECC/ECC_011_Verse_001.mp3,"Ele be ame si tsi, xɔ ƒe geɖe la, nakpɔ dzidzɔ gbe sia gbe le eƒe agbe me, ke wòaɖo ŋku viviti ƒe ŋkekewo dzi, elabena woasɔ gbɔ, eye nu siwo le agbe sia me la nye tofloko sɔŋ ko, ne wotsɔ wo sɔ ɖe agbe kemɛ tɔwo ŋu." data/train/ECC/ECC_010_Verse_009.mp3,"Kuviawɔwɔ nana xɔ ƒe daɖedziwo nyena ɖe eme, eye alɔgblɔlɔwɔwɔ nana xɔ ɖuɖuna." data/train/ECC/ECC_008_Verse_007.mp3,"Ke nuvɔ̃wɔlawo manɔ agbe didi vivi o; woƒe ŋkekewo nu ava yi kaba abe vɔvɔli ene, elabena womevɔ̃a Mawu o." data/train/ECC/ECC_012_Verse_006.mp3,"Ke vinye, na woaxlɔ̃ nu wò. Seɖoƒe aɖeke meli na agbalẽ geɖe ŋɔŋlɔ o eye nusɔsrɔ̃ tea ɖeɖi ame ƒe ŋutilã ŋu." data/train/2CO/2CO_002_Verse_005.mp3,Eya ta tohehe si ame akpa gãtɔ da ɖe ame ma dzi la sɔ gbɔ nɛ. data/train/2CO/2CO_011_Verse_029.mp3,"Romatɔwo hã ƒom zi etɔ̃ kple gakawo, eye woƒu kpem zi ɖeka. Menɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃ sɔŋ; ɣe aɖe ɣi gɔ̃ hã la, mege dze atsiaƒu me, eye menɔ atsiaƒu gbana la me zã ɖeka kple ŋkeke ɖeka." data/train/2CO/2CO_002_Verse_011.mp3,"Meɖe kuku na mi, miɖee fiae azɔ be miegalɔ̃e pɛpɛpɛ abe tsã ene." data/train/2CO/2CO_008_Verse_016.mp3,"Miawo ŋutɔ mienya Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve be kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva de ahe ɖo be miawo la, miato eƒe ahedada la me azu kesinɔtɔwo." data/train/2CO/2CO_009_Verse_006.mp3,"Eye anye ŋukpe nam ŋutɔ, eye wòanye ŋukpe na miawo hã ne nɔvi siwo tso Makedonia va kplim ko wòava dzɔ be miele klalo abe ale si megblɔ na wo ene o." data/train/2CO/2CO_005_Verse_001.mp3,"Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã." data/train/2CO/2CO_001_Verse_019.mp3,"Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mebu be ele be magblɔ fu siwo míekpe le Asia la na mi. Woƒo mí, eye wowɔ fu mí ale gbegbe be míawo ŋutɔ gɔ̃ hã míebu mɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe be míatsi agbe." data/train/2CO/2CO_009_Verse_008.mp3,"Ke medi be esia nanɔ nyanya me na mi be, ame si ana nu sue aɖe la, nu si wòakpɔ ɖe eteƒe anɔ sue. Agbledela si ƒã nuku sue aɖe ko la, xaa nuku sue aɖe ko le nuxaɣi, gake nenye be wòƒã nuku sɔgbɔ la, axa nuku fũu le nuxaɣi." data/train/2CO/2CO_011_Verse_000.mp3,"Abe ale si ame geɖewo ƒoa adegbe be yewonye ame tɔxɛwo le xexea me ene la, nenema ke nye hã mele wɔwɔ ge fifi laa." data/train/2CO/2CO_013_Verse_005.mp3,"Enye dzidzɔ na mí ne míawo míegbɔdzɔ, eye miawo miesẽ ŋu la, míekpɔa dzidzɔ, eye esia ŋuti míele kuku ɖem ɖo le miaƒe blibodede ŋuti." data/train/2CO/2CO_007_Verse_007.mp3,"Ke azɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu do ŋugbe gã siawo na mí ta la, mina míadzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ, eye míate ɖa xaa tso nu siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ la gbɔ, eye míanɔ agbe kɔkɔewo to Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, alé eƒe nyawo me ɖe asi sesĩe." data/train/2CO/2CO_001_Verse_010.mp3,"Eya ta mi katã miwɔ ɖeka ne miado gbe ɖa ɖe mía ta vevie. Zi ale si miedo gbe ɖa eye mieɖe kuku ɖe mía ta la, zi nenema ke miagada akpe na Aƒetɔ la ɖe eƒe amenuveve si na be míenɔ dedie la ta." data/train/2CO/2CO_007_Verse_012.mp3,"Menye esi wòva ɖo mía gbɔ dedie la ɖeɖe koe na be míekpɔ dzidzɔ o, ke boŋ nya siwo keŋ wògagblɔ nam tso mia ŋuti tae; ale si miexɔe nyuie, ale si wònye miaƒe didi be yewoakpɔm, eye ale si wòve mi ŋutɔ be mele fu geɖe kpem kple ale si miele klalo be yewoalé nu siwo mefia mi la ko me ɖe asi la na megli kple dzidzɔ." data/train/2CO/2CO_009_Verse_003.mp3,"elabena menya ale si wònye miaƒe didi vevie be yewoawɔ lɔlɔ̃nununana sia, eye metsɔ esia ƒo adegbe na Makedonia hamewo be mi Akayatɔwo miele klalo kple miaƒe nunanawo abe ƒe ɖekae nye esia ene. Le nyateƒe me la, esia de dzo tɔxɛ aɖe woawo hã me be wodze ƒuƒoƒo nunanawo gɔme." data/train/2CO/2CO_004_Verse_001.mp3,"Elabena wotsɔ mí ame siwo le agbe la de asi na ku gbe sia gbe le Yesu ta, be woaɖe eƒe agbe ɖe go le míaƒe ŋutilã si le kuku ge la me." data/train/2CO/2CO_010_Verse_013.mp3,"Míedi be míawɔ abe ale si mia dometɔ aɖewo wɔna nɔa wo ɖokuiwo kafum eye wonɔa nya ʋlim le wo ɖokuiwo dome be ame kae nye gãtɔ hã o. Nu siawo katã nye movidzɔdzɔ be miadi be yewoakpɔ be, ame kae nye gãtɔ wu le yewo dome hã?" data/train/2CO/2CO_007_Verse_002.mp3,"Elabena ɣe aɖewo ɣi la, Mawu nana míexaa nu be míadze si míaƒe nu vɔ̃wo eye míadzudzɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye míadi agbe mavɔ la. Ke ne ame aɖe xa nu vevie le eya ŋutɔ ƒe agbe vlo nɔnɔ ta, gake metrɔ dzi me o la, ahe ku vɛ." data/train/2CO/2CO_013_Verse_008.mp3,"Mele nu sia ŋlɔm na mi kple mɔkpɔkpɔ be ne meva ɖo la, magahiã be mahe nya ɖe mia ŋu alo ahe to na ame aɖeke o, elabena nye didie nye be mawɔ ŋusẽ si Aƒetɔ la nam la ŋuti dɔ atsɔ atu mi ɖo le xɔse me. Ke menye be matsɔe aɖiɖi mi ɖe anyi o." data/train/2CO/2CO_004_Verse_017.mp3,"Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie, eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe si ƒo nuwo katã ta la mí ɖaa." data/train/2CO/2CO_002_Verse_015.mp3,"Nunana nyui si Kristo tsɔ na mí la ɖi ku ƒe ʋeʋẽ na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m. Ke le ame siwo xɔ Kristo dzi se ya gbɔ la, míenye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si naa agbe. Azɔ biabia lae nye be ame ka ŋu ŋutete le be wòawɔ dɔ siawo?" data/train/2CO/2CO_008_Verse_022.mp3,"Togbɔ be wole fu geɖe kpem, eye wonye ame dahewo hã la, wokɔ dɔ me faa, eye wodzɔa nu kple dzidzɔ." data/train/2CO/2CO_006_Verse_016.mp3,"Xexea me tɔwo mebua mí ɖe naneke me o, gake Mawu ya nya mí nyuie. Míele kudo nu ɣe sia ɣi, gake kpɔ ɖa, míele agbe wu nu sia nu. Wode abi mía ŋu, gake míeku o." data/train/2CO/2CO_008_Verse_021.mp3,Tito kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi míegblɔ nɛ be wòagava kpɔ mi ɖa. Eya ŋutɔ hã di vevie be yeava hafi míegblɔe gɔ̃ hã. data/train/2CO/2CO_002_Verse_000.mp3,"Azɔ ele be miatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee, eye miafa akɔ nɛ. Ne menye nenema o la, ase veve eye dzi aɖe le eƒo ale gbegbe be wòatrɔ ɖa tso nyateƒe la gbɔ." data/train/2CO/2CO_012_Verse_014.mp3,"Menya ŋutsu aɖe le Kristo me. Anɔ abe ƒe wuienee nye esia ene la, eɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o, alo menɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae. Wokɔ nenem me sia yi dziƒo etɔ̃lia." data/train/2CO/2CO_008_Verse_017.mp3,"Míeda akpe na Mawu, ame si tsɔ nenem veviedodo nu le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me be wòakpe ɖe mia ŋu, axlɔ̃ nu mi abe nye ke ene." data/train/2CO/2CO_010_Verse_003.mp3,"Eye menye ɖe míele didim be míaƒo adegbe le ame bubu ƒe dɔ si wòwɔ le mia dome la ta o, ke míaƒe didi vevie nye be miaƒe xɔse natsi ɖe edzi be míate ŋu awɔ dɔ gãwo le mia dome le ɖoɖo si wona mí la nu." data/train/2CO/2CO_001_Verse_023.mp3,"Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, nublanuikpɔkpɔ Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu la," data/train/2CO/2CO_001_Verse_000.mp3,"Abe ale si Kristo ƒe fukpekpewo gena ɖe míaƒe agbe mee ene la, nenema ke to Kristo me míaƒe akɔfafa hã gbã goe." data/train/2CO/2CO_004_Verse_012.mp3,"Míenya be Mawu, ame si fɔ Aƒetɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la afɔ míawo hã kple Kristo ɖe tsitre, eye wòatsɔ mí kple miawo siaa nɛ." data/train/2CO/2CO_003_Verse_011.mp3,"Mawue nye ame si na míedze be míanye Nubabla Yeye la ƒe gbeƒãɖelawo. Nubabla Yeye sia to vovo sãa tso xoxoa si nye se siwo woŋlɔ la gbɔ. Ke yeyetɔ nye be míasubɔ Mawu le Gbɔgbɔ me elabena Gbɔgbɔ lae gbɔa agbe ame, ke seawo ɖeɖe ko dzi wɔwɔ kplɔa ame yia ku me." data/train/2CO/2CO_005_Verse_013.mp3,"Mawuvɔvɔ̃ si le mía me tae míeɖea gbeƒã, eye míeƒoa dzimetɔtrɔ ƒe nya la ɖe amewo katã nu be woava Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔ nya be míele dɔ sia wɔm kple dzimekɔkɔ, eye mexɔe se be miawo hã mienyae le miaƒe dzi me nenema tututu." data/train/2CO/2CO_003_Verse_007.mp3,"Ke mí ame siwo katã xɔ Yesu Kristo abe Aƒetɔ ene heɖoa dzi ɖe eŋu la, nutsyɔnu aɖeke mele míaƒe mowo o, eya ta míele abe ahuhɔ̃e si ɖea Aƒetɔ la ƒe keklẽ kple ŋutikɔkɔe fiana la ene. Eye zi ale si Aƒetɔ la si nye Gbɔgbɔ la le dɔ wɔm le mía me la, etrɔa mí be míaɖi Kristo le eƒe ŋutikɔkɔe me." data/train/2CO/2CO_006_Verse_006.mp3,"Ke, “Manye mia Fofo, eye miawo hã mianye, vinyeŋutsuwo kple vinyenyɔnuwo.”" data/train/2CO/2CO_013_Verse_002.mp3,"Be woaka ɖe edzi na mi la, woklãe ɖe ati ŋu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me, ke hã la, ele agbe to Mawu ƒe ŋusẽ me. Nenema ke míegbɔdzɔ le eya amea me, gake to Mawu ƒe ŋusẽ me la, míele agbe be míasubɔ mi." data/train/2CO/2CO_009_Verse_001.mp3,"Ale miakpɔe be lɔlɔ̃nunana si nam miele la na ame kɔkɔe siwo le nu hiãm la kpɔ nu siwo le wo hiãm, eye woatsɔ akpedada blibo na Mawu." data/train/2CO/2CO_011_Verse_014.mp3,Ke nye Paulo mexɔe se be ame siwo nɔa wo ɖokuiwo yɔm be Mawu ƒe ame dɔdɔwo yewonye la menyo wum le mɔ aɖeke nu o. data/train/2CO/2CO_010_Verse_008.mp3,"Le esia megbe la, miate ŋu akpɔ mɔ atsɔ Kristo ƒe nyanyui la ayii na dukɔ siwo le adzɔge le mia gbɔ afi si ame aɖeke mede haɖe o, be woawo hã nadze si Kristo. Ale be ame aɖeke magagblɔ be yee nye ame gbãtɔ si tsɔ nyanyui la yi du ma me hafi míeva o." data/train/2CO/2CO_011_Verse_008.mp3,"Esia mewɔ nuku nam o, elabena Satana ŋutɔ hã tea ŋu trɔa eɖokui ɣe aɖewo ɣi abe Mawudɔla ene." data/train/2CO/2CO_005_Verse_021.mp3,"Zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me ko la, zi nenema ke míekpea fu siwo hea hũɖeɖe kple vevesese vaa mía dzi. Menye ɖe míebe míadzo kaba le anyigbadziŋutilã sia me o, ke boŋ míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be Aƒetɔ la natsɔ dziƒotɔ si nye agbe la atsyɔ na mí, be wòaɖu esi me míele fifia si gblẽna la dzi." data/train/2CO/2CO_008_Verse_006.mp3,"ke boŋ ɖe míedi be miama nu siwo le mia si la kple wo. Fifia la, nu geɖe le mia si, eya ta mikpe ɖe wo ŋu, ale be ne emegbe nu megava le mia si o, ke wòle woawo si la, woawo hã nakpe ɖe mia ŋu. To esia me la, ame sia ame akpɔ etɔ sinua." data/train/2CO/2CO_005_Verse_002.mp3,"Elabena menye gbɔgbɔ me ko míanɔ o, ke boŋ Mawu ado awu na mí esi nye dziƒoŋutilã la." data/train/2CO/2CO_012_Verse_003.mp3,"Azɔ la, zi etɔ̃liae nye esia megbɔna mia gbɔ, eye le nye vava me hã la, nyematsɔ dzinyekpɔkpɔ ƒe agba aɖo mia dzi o, elabena nyemele miaƒe ga dim o, ke boŋ miawo ŋutɔ dim mele. Vinyewo mienye, eye menye viwoe wòle be woadi nuɖuɖu na wo dzilawo o. Dzilawoe wòle be wòakpɔ wo viwo dzi." data/train/2CO/2CO_006_Verse_000.mp3,Aleke Kristo si nye dzɔdzɔetɔwo ƒe fia kple Abosam si nye nu vɔ̃ wɔlawo ƒe fia la ate ŋu awɔ ɖekae? Eye aleke kristotɔ hã ate ŋu awɔ ɖeka kple dzimaxɔsetɔ? data/train/2CO/2CO_011_Verse_005.mp3,"Enye ŋukpe nam be magblɔ be dzideƒo kple ŋusẽ mele asinye be maƒo nu nenema o, ke nu sia nu si ŋu woaƒo adegbe le la nye hã mate ŋu aƒo adegbe le nenem nu ma ŋu, eye enye dada nam be megale nu ƒom abe bometsila ene." data/train/2CO/2CO_013_Verse_010.mp3,Mexɔe se be mi katã mialɔ̃ ɖe edzi kplim be mieto dodokpɔ la me. data/train/2CO/2CO_011_Verse_019.mp3,"(Megale nu ƒom dadatɔe abe ame si ƒe tagbɔ da ene.) Wobe Kristo ƒe subɔlawo yewonyea? Gake mesubɔa Kristo wu wo katã, eye mewɔ dɔ wu wo elabena le Kristo ta wodem gaxɔ me zi geɖe, woƒom kutɔkutɔe, eye ɣe aɖewo ɣi gɔ̃ hã la, medea tsiẽƒe gagbɔna." data/train/2CO/2CO_013_Verse_011.mp3,"Míaƒe gbedodoɖa na Mawue nye be miagawɔ nu vɔ̃ aɖeke o. Menye be miatso afia be míefia nu nyui mi o. Gbeɖe, nenye be woɖe vodada na mí hã la, ele be miawo ya miawɔ nu nyui." data/train/2CO/2CO_011_Verse_003.mp3,"Ame aɖe agblɔ be ɖe nyemelɔ̃ mi Kristotɔwo o, eya ta megblɔ esia ɖo, gake mele eme nenema o, elabena Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã nya be melɔ̃ mi vevie." data/train/2CO/2CO_010_Verse_011.mp3,"Menye amegbetɔwo ƒe aʋawɔnuwo míezãna o, ke boŋ Mawu ƒe ŋusẽ si tri akɔ wu nu sia nu lae míetsɔna ɖua Abosam ƒe ŋusẽwo katã dzi." data/train/2CO/2CO_011_Verse_010.mp3,"Gake mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be ɖewohĩ la, ame aɖe ava ble mi, eye wòatrɔ miaƒe susu ɖa tso dzimekɔkɔ si mietsɔ na Kristo gbɔ, abe ale si da dzeaye ma ble Eva ene." data/train/2CO/2CO_010_Verse_018.mp3,"Ɖewohĩ la, awɔ na mi abe ɖe mele adegbe ƒom akpa le Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ si wònam la ta ene, gake nye la, menye ŋukpe nam o, elabena ɖe wòna ŋusẽ siam be matsɔ tu mi ɖe edzi, menye be matsɔ agblẽ nu le mia ŋu o." data/train/2CO/2CO_003_Verse_006.mp3,"Ke gbe si gbe wo dometɔ aɖe trɔ eye wòxɔ Aƒetɔ la la, ekema nu si tsyɔ mo nɛ si na be wòle viviti me la, ɖena ɖa." data/train/2CO/2CO_001_Verse_016.mp3,"Míebu be míedze na ku elabena míekpɔ be wɔna aɖeke meganɔ mía ŋu o, gake míetsɔ nu sia nu gblẽ ɖe Mawu si tea ŋu wɔa nu sia nu, eye wòfɔa ame kukuwo gɔ̃ hã tso yɔdo me la ƒe asi me." data/train/2CO/2CO_008_Verse_012.mp3,"Mele ɖase ɖim le hame siawo ŋuti be wodzea agbagba dzɔa nu ŋutɔ, eye wowɔnɛ wòwua ale si woate ŋui gɔ̃ hã kple dzi faa, ke menye ɖe metee ɖe wo dzi be woawɔe o." data/train/2CO/2CO_006_Verse_011.mp3,"Míezɔna le Mawu ƒe nyateƒe kple eƒe ŋusẽ me, eye ame dzɔdzɔewo ƒe aʋawɔnu siwo le nuɖusime kple miame la le mía si." data/train/2CO/2CO_012_Verse_013.mp3,"Mele vɔvɔ̃m hã be nenye be meva la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le miaƒe ŋkume, eye mafa konyi le ame geɖe siwo wɔ nu vɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye, ahasiwɔwɔ kple hadzedze siwo wowɔ la ŋuti la ta." data/train/2CO/2CO_012_Verse_015.mp3,"Miaƒe nuwɔnae na be meƒo nu, do ɖokuinye ɖe dzi abe bometsila ene. Evɔ la, miawoe wòle be miakafum, ke menye nye ŋutɔ wòle be makafu ɖokuinye hafi o, eye togbɔ be nyemele naneke me o hã la, naneke mele miaƒe apostolo mawo si si mele asinye o." data/train/2CO/2CO_001_Verse_006.mp3,"Elabena Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ame si ŋu nye Paulo, Silvano kple Timoteo míeɖe gbeƒã le na mi la, menye ame si ne nya la nye “ɛ̃” la, wògblɔ be, “ao” o. Aƒetɔ Yesu Kristo wɔna ɖe nu sia nu si wògblɔ la ko dzi." data/train/2CO/2CO_006_Verse_003.mp3,"Esi mí katã míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, míele kuku ɖem na mi be migaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o." data/train/2CO/2CO_010_Verse_009.mp3,"Mawunya gblɔe be, “Ame sia ame si di be yeaƒo adegbe la naƒoe le nu si Aƒetɔ la wɔ la ko ŋu.”" data/train/2CO/2CO_002_Verse_014.mp3,"Nu si mietsɔ ke ame aɖe la, nye hã metsɔe kee, eye edze be nye hã matsɔe ke le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ me hena miaƒe nyonyo ko." data/train/2CO/2CO_001_Verse_014.mp3,"Menye ɖe míegale amegã ɖum ɖe mia dzi hele se dem na mi tso nu si ke miaxɔ ase la ŋuti o, elabena mienya nu si dze be miaxɔ ase. Ke medi be mawɔ nane si ado dzidzɔ na mi, nye dɔwɔhatiwo ne meva, menye be mana mialé blanui o." data/train/2CO/2CO_003_Verse_008.mp3,"Ke nya siwo meŋlɔ na mi la, ɖe wodze abe míele mía ɖokui kafum enea? Alo ɖe wòhiã mi abe ame aɖewo ene be míatsɔ kafukafugbalẽwo vɛ na mi alo míaxɔ kafukafugbalẽ le mia si mahã?" data/train/2CO/2CO_007_Verse_009.mp3,"Ke Mawu, ame si ŋutɔ dea dzi ƒo na ame siwo ƒo dzi ɖe le la de dzi ƒo na míawo hã esi Tito va ɖo mía gbɔ." data/train/2CO/2CO_013_Verse_009.mp3,"Mexlɔ̃ nu mi xoxo esi meva mia gbɔ zi evelia va yi. Azɔ la, megale egblɔm, esi nyemele mia gbɔ o. Ke ne metrɔ va la, nyematsɔe ake ame siwo wɔ nu vɔ̃ do ŋgɔ alo ame bubu siwo wɔe kplɔ wo ɖo o," data/train/2CO/2CO_007_Verse_015.mp3,"Míekpɔ ŋutifafa aɖeke esi míeva ɖo Makedonia o, fukpekpewo sɔŋ koe ƒo xlã mí. Amewo do dzre na mí to mɔ ɖe sia ɖe dzi, eye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi yɔ mía me fũu ŋutɔ." data/train/2CO/2CO_007_Verse_004.mp3,"Fifia la, megavem be meŋlɔ agbalẽ sesẽ ma ɖo ɖe mi o, togbɔ be mexa nu geɖe le eŋu le gɔmedzedzea me hã la, menya be miawo hã miexa nu ɣeyiɣi kpui aɖe ko." data/train/2CO/2CO_001_Verse_022.mp3,"Vavã, Mawu ɖe mí tso ku dziŋɔ aɖe me, ale míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi be aɖe mí tso fukpekpe ɖe sia ɖe me ɖaa." data/train/2CO/2CO_005_Verse_008.mp3,"Gbeƒã si ko ɖem míele fifia lae nye be Mawu to Kristo dzi le xexea me katã kpem va eɖokui gbɔe. Magaɖo ŋku amewo ƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o, ke boŋ atsɔ wo ake wo eye wòatutu wo ɖa keŋ. Nukunya siae wòde asi na mí be míagblɔ na amewo katã." data/train/2CO/2CO_004_Verse_014.mp3,"Susu sia ta míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo kpɔm míele fifia la dzi o, ke boŋ míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo míekpɔna o la dzi, elabena nu siwo wokpɔna la nu mesena yina o, ke nu siwo womekpɔna o la nɔa anyi tegbee." data/train/2CO/2CO_009_Verse_005.mp3,"Esia ta mele nɔvi siawo dɔm ɖo ɖe mia gbɔ be woakpɔ egbɔ be nu siwo ŋugbe miedo la nasɔ gbe hafi nye ŋutɔ mava. Ale be wòanye nu si miena faa tso dzi me, eye menye tso dzizizi me o." data/train/2CO/2CO_011_Verse_017.mp3,"Mawu, ame si nye Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, eye wòdze kafukafu tso mavɔ me yi mavɔ me la hã nya be nyateƒe gblɔm mele." data/train/2CO/2CO_010_Verse_016.mp3,"Nu si le fu ɖem na mi lae nye be mietsɔ ameŋkumekpɔkpɔ ɖo dɔe, eye miele nye hã kpɔm be ŋusẽ aɖeke mele ŋunye o. Ke medi be miase egɔme be ne ame aɖe ate ŋu agblɔ be Kristo ƒe ŋusẽ le ye si tututu la, míawo hã míate ŋu agblɔ esia." data/train/2CO/2CO_008_Verse_019.mp3,"Míewɔ esia elabena míedi be ame aɖeke nagaka mo na mí le nudzɔdzɔ gã sia, si míena wodzɔ la ŋuti o." data/train/2CO/2CO_003_Verse_005.mp3,"Ke azɔ la, ɖe míakpɔ mɔ na dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe geɖe wu le esime Mawu ƒe Gbɔgbɔ subɔsubɔ la le amewo xɔm ɖe agbe le ŋkeke siawo me oa?" data/train/2CO/2CO_011_Verse_006.mp3,"Esi menɔ Damasko la, fia Areta ɖo asrafowo dua ƒe agbowo nu be woalém," data/train/2CO/2CO_003_Verse_004.mp3,"Eya ta ne nu xoxo si nu va yi la kpɔ ŋutikɔkɔe nenema la, ekema Mawu ƒe nubabla yeye si hea agbe mavɔ vɛ la ƒe ŋutikɔkɔe la mele gbɔgblɔ me o, elabena eya anɔ anyi ɖaa." data/train/2CO/2CO_001_Verse_004.mp3,"Azɔ la, meyɔ Mawu tso nye dzi me ke abe ɖasefo ene be nu si gblɔm mele na mi la nye nyateƒe tututu; susu si ta nyemetrɔ va Korinto haɖe o lae nye be nyemedi be mava ka mo na mi, eye mawɔe be miaxa nu o." data/train/2CO/2CO_003_Verse_002.mp3,"Aƒetɔ la ŋutɔe nye Gbɔgbɔ si naa agbe wo eye afi si Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le ko la, afi mae ablɔɖe le." data/train/2CO/2CO_012_Verse_019.mp3,"Nu si teƒe wòkpɔ la nye nu xɔasi aɖe si ŋu mate ŋu aƒo adegbe le, gake nyemedi be mawɔ nenema o. Ke boŋ maƒo adegbe le ale si megbɔdzɔe, gake Mawu wɔ dɔ le ŋutinye hena eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe la ŋuti." data/train/2CO/2CO_009_Verse_013.mp3,"Nɔvi siawo ado gbe ɖa ɖe mia ta vevie, ada akpe gã aɖe na Mawu le amenuvedɔ gã siwo wòwɔ na wo to mia dzi la ta." data/train/2CO/2CO_001_Verse_008.mp3,"Esi meka ɖe miaƒe nugɔmesese dzi tae medi be mava mia gbɔ gbã le nye mɔzɔzɔ me, ale be miagaxɔ yayra ɖe yayra dzi." data/train/2CO/2CO_009_Verse_007.mp3,"Ke Mawu, ame si naa nuku agbledela wòƒãna, eye emegbe la, wòyrana ɖe edzi be wòakpɔ nuɖuɖu gbe sia gbe la ana nuku geɖewo mi be miaƒã, eye wòana woatsi aʋã nyuie ale gbegbe, be miakpɔ nuku geɖe le nuxaɣi, be miatsɔ ɖewo ana ame bubuwo hã." data/train/2CO/2CO_010_Verse_010.mp3,"Mele kuku ɖem na mi be migana makplɔ mi kple asi sesẽ ne meva mia gbɔ o. Menya be ŋusẽ le asinye mazã ɖe ame siwo buna le mia dome be amegbetɔ ƒe nunya kple ŋusẽ ko metsɔ le dɔ wɔmii la dzi, gake nyemedi be mawɔ alea o." data/train/2CO/2CO_006_Verse_014.mp3,"Nenye be amewo de bubu mía ŋu alo do ŋukpe mí, nenye be wodzu mí alo kafu mí, eye wose nyateƒe si gblɔm míele, gake wogbe be yewomaxɔe o, eye wobu mí abe alakpatɔwo ene hã la, Aƒetɔ la ko míanɔ agbe na." data/train/2CO/2CO_005_Verse_016.mp3,"Míele fu kpem ŋutɔ le míaƒe anyigbadziŋutilã siawo me, eya ta wòle mía dzrom vevie, eye míele mɔ kpɔm gbe sia gbe be Aƒetɔ la atsɔ dziƒoŋutilã yeyewo ava do na mí abe awu ene." data/train/2CO/2CO_005_Verse_006.mp3,"Eya ta ne ame aɖe xɔ Kristo la, enye nuwɔwɔ yeye; nu xoxowo nu va yi, “kpɔ ɖa!” nuwo katã zu yeye." data/train/2CO/2CO_004_Verse_002.mp3,"Esia ta ɖeɖi metea mía ŋu o, eye míana ta o. Togbɔ be míaƒe ŋutilãwo le gbɔdzɔgbɔdzɔm hã la, ŋusẽ si tso Aƒetɔ la gbɔ, eye wòle mía me la le tsitsim ɖe edzi gbe sia gbe." data/train/2CO/2CO_002_Verse_006.mp3,"gake metsi dzi le ɖokuinye me, elabena nyemekpɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔ Tito le afi ma o. Esia ta medo taflatse na Troatɔwo, eye medzo le afi ma heyi Makedonia." data/train/2CO/2CO_004_Verse_013.mp3,"Satana, ame si le dzi ɖum le xexe vɔ̃ɖi sia me fifia lae gbã dzimaxɔsetɔwo ƒe ŋkuwo eye wòtsyɔ nu woƒe susuwo dzi. Ewɔ esia be womakpɔ kekeli si tso nyanyui la me le keklẽm ɖe wo dzi la eye woase nu si gblɔm míele tso Kristo si nye Mawu ƒe nɔnɔme la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la gɔme o." data/train/2CO/2CO_008_Verse_020.mp3,"Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga home si le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nàna nu si nàte ŋui, ke menye wu esi le asiwò o." data/train/2CO/2CO_001_Verse_012.mp3,"Ke míawo hã, adegbe si míaƒe dzitsinya nana míeƒona lae nye be míeléa mía ɖokuiwo nyuie le xexe sia me, eye le mia dome hã la, míewɔ mía ɖokuiwo dzadzɛe, eye míetoa nyateƒe le nu sia nu me. Ke menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ mee míewɔ esiawo le o, ke boŋ wo katã tso Mawu ƒe amenuveve me." data/train/2CO/2CO_010_Verse_005.mp3,"Ke medi be ame siwo le nya mawo gblɔm la, nadzra ɖo ɖi, elabena ne míeva la, ŋusẽ si míetsɔ ŋlɔ agbalẽawo la, míele eɖe ge afia wo." data/train/2CO/2CO_007_Verse_008.mp3,"Ke esi menya be ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ gaɖo mía dome azɔ la, ena be nye hã mekpɔ dzidzɔ blibo, eye megaɖo ŋu ɖe mia ŋu le nu sia nu me." data/train/2CO/2CO_011_Verse_004.mp3,"Azɔ ne medi be maƒo adegbe la, ɖeko maƒoe le nu siwo nana be ŋusẽ mele ŋunye o la ŋu." data/train/2CO/2CO_005_Verse_020.mp3,"Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖe amewo katã ta lae nye be mí ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko." data/train/2CO/2CO_011_Verse_027.mp3,"Nenɔ nyanya me na mi be menye Mawue dɔ aʋatsopostolo mawo o. Alakpatɔwo wonye, eye wodze agbagba ble mi be Kristo ƒe apostolowo yewonye." data/train/2CO/2CO_005_Verse_017.mp3,"Míenya be esiawo katã le eme vavã to xɔse me, ke menye to nukpɔkpɔ kple ŋkume o." data/train/2CO/2CO_007_Verse_016.mp3,"Nyemele esiawo gblɔm be matsɔ fɔbubu aɖeke ada ɖe mia dzi o, elabena megblɔ va yi xoxo be mena teƒe mi le nye dzi me tegbee be manɔ agbe kpli mi, eye maku hã kpli mi." data/train/2CO/2CO_003_Verse_001.mp3,"Azɔ esi mɔkpɔkpɔ sia le mía si ŋuti la, dzika metsoa mía ƒo o, eye míegblɔa nya la kple dzideƒo." data/train/2CO/2CO_002_Verse_002.mp3,"elabena ne megade nuxaxa miaƒe dzi me la, miate ŋu ado dzidzɔ nam ne mele mia gbɔ o. Evɔ ame bubu aɖeke hã meli si ado dzidzɔ nam tsɔ wu miawo o." data/train/2CO/2CO_005_Verse_010.mp3,"Ke míaƒe didi vevie nye be ne míele agbe le anyigbadziŋutilã sia me alo míele egbɔ le dziƒo la, míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me." data/train/2CO/2CO_002_Verse_016.mp3,"Nuxaxa kple vevesese geɖe nɔ nye dzi me, eye aɖatsi ge le mo nam gɔ̃ hã le agbalẽ ma ŋɔŋlɔ me, eye menye ɖe meŋlɔ agbalẽ la be mana miaxa nu o. Ke boŋ meŋlɔe be mana miadze si ale si melɔ̃ mi vevie." data/train/2CO/2CO_008_Verse_014.mp3,"Menye ɖe mele se dem na mi alo le mia dzi zim be miawɔ nunana kokoko o, ke boŋ ale si wònye hame bubuwo ƒe didi vevie be yewoawɔ nunana alea tae medi be miawo hã miaɖe miaƒe lɔlɔ̃ afia abe hame bubuwo ene." data/train/2CO/2CO_009_Verse_002.mp3,"Ale si sinu ame aɖe di be yeana ko la nenae; migazi ame aɖeke dzi be nena wu ale si wòate ŋui o, elabena Mawu lɔ̃a ame siwo naa nu kple dzi faa la." data/train/2CO/2CO_011_Verse_001.mp3,"Abe ale si Kristo ƒe nyateƒe la le menye ene la, ame aɖeke mate ŋu atrɔ nye susu sia o, eye mana nɔvi siwo katã le Akaya nutowo me la hã nanya nu le esia ŋuti." data/train/2CO/2CO_004_Verse_005.mp3,"Ke kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, be wòaɖee fia be ŋusẽ triakɔ sia metso mía gbɔ o, ke boŋ Mawu gbɔ wòtso." data/train/2CO/2CO_006_Verse_010.mp3,"Míedi be ame aɖeke nakpɔ vodada le dɔ si wɔm míele na Aƒetɔ la ŋu o, esia ta míena nuɖiɖia aɖeke le naneke me o." data/train/2CO/2CO_001_Verse_001.mp3,"abe ale si miese míaƒe nya gɔme afã kple afãe ene la, miava se egɔme blibo ale be miate ŋu aƒo adegbe le mía ŋu abe ale si míaƒoe le mia ŋu le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkeke la dzi ene." data/train/2CO/2CO_011_Verse_011.mp3,"gake nɔvi siwo le afi ma la de ka kusi ŋu, eye wokɔm da ɖe kusi la me hetsɔ to fesre si le glia me la me, eye mesi dzo le egbɔ." data/train/2CO/2CO_002_Verse_004.mp3,"Esia ta meŋlɔ agbalẽ ma na mi, ale be miaɖɔ nuwo ɖo hafi mava elabena nyemedi be makpɔ naneke le mi, ame siwo ŋu meɖoa ŋu ɖo be miado dzidzɔ geɖe nam la ŋu, si ade nuxaxa nye dzi me o. Menya nyuie be ne meva mia gbɔ le dzidzɔ me la, ekema miawo hã miakpɔ dzidzɔ geɖe." data/train/2CO/2CO_004_Verse_000.mp3,"Abe ale si woŋlɔ ɖe mawunya me ene be, “Mexɔe se, eya ta meƒo nu ɖo” la, nenema ke míawo hã míexɔe se, eya ta míadzudzɔ nuƒoƒo o." data/train/2CO/2CO_010_Verse_004.mp3,"Eye míele dzadzraɖo me be ne miaƒe toɖoɖo made blibo o la, ekema míahe to na ame siwo me aglãdzegbɔgbɔ gale la." data/train/2CO/2CO_011_Verse_026.mp3,"Ne nyemeɖea ami ɖe nye nuƒo abe ale si woawo wɔnɛ ene o hã la, menya nu si tututu gblɔm mele elabena Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ me meƒoa nu le abe ale si miawo ŋutɔ mienya ene." data/train/2CO/2CO_011_Verse_028.mp3,"Nu si ta mele esiawo gblɔm lae nye be edze nam be mia beble le bɔbɔe, eye ne ame aɖe va mia gbɔ va ɖe gbeƒã Yesu bubu si to vovo tso esi ŋuti míefia nu mi le la gbɔ alo wòfia nu bubu sãa mi alo ƒo nu tso gbɔgbɔ bubu aɖe si mesɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si miexɔ o ŋuti la, miexɔa ame ma dzi sena bɔbɔe." data/train/2CO/2CO_001_Verse_003.mp3,"Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi." data/train/2CO/2CO_012_Verse_005.mp3,Enye nyateƒea? Ɖe ame siwo medɔ ɖo ɖe mi la ƒe ɖe va xɔ nane le mia sia? data/train/2CO/2CO_010_Verse_002.mp3,"Enye nyateƒe be míele ŋutilã me zɔm gake, míewɔa aʋa le ŋutilã nu o." data/train/2CO/2CO_009_Verse_009.mp3,Ke mele nɔvi siawo dɔm kple miaƒe nunanawo elabena míetsɔ mi ƒo adegbe na amewo ŋutɔ eye nyemedi be míaƒe adegbe sia natrɔ zu alakpa o. data/train/2CO/2CO_004_Verse_004.mp3,"Eya ta ne Kristo ƒe nyanyui si míele gbeƒã ɖem la gɔme sese sesẽ na ame aɖewo la, ekema ame siawo ɖo ta tsɔtsrɔ̃ me." data/train/2CO/2CO_011_Verse_023.mp3,"Miebe nunyalawoe yewonye, gake mieɖoa to bometsinyawo dzidzɔtɔe." data/train/2CO/2CO_013_Verse_012.mp3,Mido gbe na mia nɔewo le Kristo me. data/train/2CO/2CO_011_Verse_024.mp3,"Mielɔ̃ wotsɔ mi wɔ kluviwoe, woɖoa nu siwo menyo o la na mi miewɔna, wona miekpɔ wo dzi, wowɔa wo ɖokuiwo glodzoo eye wokaa mo na mi ɖe madzɔmadzɔ dzi gake miekea nu o." data/train/2CO/2CO_007_Verse_013.mp3,"Meɖoa dzi ɖe mia ŋu ŋutɔ, eye medana ɖe mia dzi hã ŋutɔ, eye togbɔ be nuxaxa kple vevesese geɖe le dzinye hã la, ne meɖo ŋku mia dzi ko la, dzideƒo ɖoa asinye eye dzidzɔ yɔa menye taŋtaŋtaŋ." data/train/2CO/2CO_012_Verse_021.mp3,"Ɖewohĩ la, mianɔ bubum be ɖe mele esiawo katã gblɔm be maʋli mía ɖokuiwo ta le mia gbɔ, ale be miagalɔ̃m. Esia mele eme nenema o. Nɔvi lɔlɔ̃wo, abe Kristotɔwo ene la, mele nya sia gblɔm na mi le Mawu ƒe ŋkɔ me, be matu mi ɖo le gbɔgbɔ me." data/train/2CO/2CO_005_Verse_005.mp3,"Eya ta míawo la, Kristo ƒe ame dɔdɔwoe míenye, eye Mawu le nu ƒom na mi to mía dzi. Míeto Kristo dzi hele kuku ɖem na mi be ame sia ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye wòaxɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòna be ne wòawɔ ɖeka kplii." data/train/2CO/2CO_004_Verse_003.mp3,"Eya ta ku le dɔ wɔm le mía me, gake agbe le dɔ wɔm le miawo me." data/train/2CO/2CO_005_Verse_000.mp3,"Azɔ la, míele mɔ kpɔm kple dzideƒo na dziƒoŋutilã yeye sia xɔxɔ. Míenyae be zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me le afi sia la, míeɖo Aƒetɔ la gbɔ le dziƒo haɖe o." data/train/2CO/2CO_010_Verse_015.mp3,"Míetsɔa Mawu ƒe ŋusẽ sia ɖua nya vlo siwo katã amegbetɔwo gblɔna ɖe Mawu ŋuti la dzi, eye eyae míetsɔna gbãa nugɔmemasemase ƒe gli si wòtu ƒo xlã amewo be woagadze si Mawu o. Eye to ŋusẽ sia me la, míeléa ame si dze aglã ɖe Mawu ŋuti la kluvii be wòatrɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye míetrɔa eƒe susuwo be wòaɖo to Kristo." data/train/2CO/2CO_005_Verse_003.mp3,"Elabena mí katã míava tsi tsitre ɖe Kristo ŋkume gbe ɖeka, be wòadrɔ̃ ʋɔnu mí, eye wòadzro míaƒe agbenɔɣinuwɔnawo me tsitotsito. Eye wòaxe fe na ame sia ame pɛpɛpɛ ɖe ale si wònɔ agbe le anyigba dzii la nu. Ne èwɔ nu nyui la, àxɔ fetu nyui eye ne èwɔ vɔ̃ la, àxɔ fetu vɔ̃." data/train/2CO/2CO_006_Verse_005.mp3,"Ke boŋ le xaxawo, hiãkamewo kple yometiti geɖewo me hã la, míedoa dzi eye míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔla vavãwo ene." data/train/2CO/2CO_011_Verse_020.mp3,"Metsɔ Mawu ƒe ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu; elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, si nye Kristo be mianye eya ɖeka ko tɔ, abe ale si ɖetugbi dzadzɛ tsɔa eƒe lɔlɔ̃ naa ŋutsu si ƒe ŋugbe wodo nɛ la ene." data/train/2CO/2CO_001_Verse_017.mp3,"Ne míexaxa la, miawo ƒe akɔfafa kple ɖeɖe tae; ke ne wofa akɔ na mí la, miawo ƒe akɔfafa tae. Esia dea dzigbɔgbɔ blewuu mia me be miawo hã mietea ŋu kpea fu siwo miekpena." data/train/2CO/2CO_012_Verse_012.mp3,Medo gbe ɖa na Aƒetɔ la zi etɔ̃ sɔŋ kple kukuɖeɖe be wòaɖe dɔléle sia ɖa le menye. data/train/2CO/2CO_003_Verse_012.mp3,"Míawo la, ŋusẽ aɖeke mele mía si si míate ŋu atsɔ awɔ nu siawo katã o, ke míaƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ." data/train/2CO/2CO_008_Verse_009.mp3,"Mawu ŋutɔ nya be nuteƒewɔlawo míenye, gake míedi be amewo hã nanya esia." data/train/2CO/2CO_010_Verse_006.mp3,"Ke míawo la, míaƒo adegbe le nu si le mía si la ko ŋu; míaƒo adegbe le dɔ si Mawu de mía si be míawɔ, eye esi míewɔ le mia dome la koe nye míaƒe taɖodzinu." data/train/2CO/2CO_001_Verse_007.mp3,"Elabena míeŋlɔ nya bubu aɖeke na mi, si miate ŋu axlẽ alo ase egɔme o. Mele mɔ kpɔm be," data/train/2CO/2CO_012_Verse_010.mp3,"Le afi ma la, wose nya siwo wɔ nuku ale gbegbe be wogbɔ amegbetɔwo ƒe susu kple gɔmesese ŋu yi, eye womeɖe mɔ be woagblɔ wo na ame aɖeke o." data/train/2CO/2CO_012_Verse_016.mp3,"Migabiam be ŋutilã mee wònɔ alo gbɔgbɔ mee wònɔ hafi yi afi ma hã o, elabena nyemenya o. Mawu ɖeka koe nya, gake menya be wokɔe yi Paradiso la me vavã." data/train/2CO/2CO_001_Verse_002.mp3,"ame si fa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me, ale be míawo hã míate ŋu afa akɔ na ame siwo le xaxa me kple akɔfafa si míawo ŋutɔ míexɔ tso Mawu gbɔ." data/train/2CO/2CO_008_Verse_024.mp3,"Ɖewohĩ ne ame aɖe bia mi be ame kae nye Tito hã la, migblɔ be enye nye dɔwɔhati, eye wònye tenyeƒenɔla le mia gbɔ. Eye ne wobia nu tso nɔvi eve bubuawo hã ŋu la, migblɔ ko be ame dɔdɔwo wonye tso hame bubuawo me, eye wonye subɔla vavãwo kple bubu na Kristo." data/train/2CO/2CO_012_Verse_001.mp3,"Alo ɖe Tito kple nɔvi si medɔ ɖo ɖe mia gbɔ la va ba mia? Gbeɖe, elabena menya nyuie be mí katã la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ɖeka koe le mía me, eye nu ɖeka tɔgbi mí katã míewɔna." data/train/2CO/2CO_001_Verse_009.mp3,Eya ame si de dzesi mí abe viawo ene eye wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de míaƒe dziwo me abe kpeɖodzi be míenye etɔwo vavã la ene. data/train/2CO/2CO_004_Verse_015.mp3,"Womimi mí ɖo le go sia go me gake womegbã mí o, míetɔtɔ gake dzi meɖe le míaƒo o," data/train/2CO/2CO_010_Verse_017.mp3,Nyemedi be miabu be ɖeko mele vɔvɔ̃ dom na mi kple nye agbalẽwo o. data/train/2CO/2CO_003_Verse_010.mp3,"Le nyateƒe me la, ŋutikɔkɔe ma si klẽ tso Mose ƒe ŋkume la menye naneke ne woatsɔ asɔ kple esi ƒo xlã Mawu ƒe nubabla yeye la o." data/train/2CO/2CO_012_Verse_020.mp3,"Nu si vɔ̃m mele lae nye be ne meva mia gbɔ la, miaƒe agbenɔnɔ ava tɔ ŋku nam, eye esia ana be nye nuwɔna manɔ abe ale si miadi be wòanɔ ene o. Mele vɔvɔ̃m be ne meva la, mava kpɔ dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ameŋuzɔzɔ, sakplisasa, ɖokuidodoɖedzi kple mama le mia dome." data/train/2CO/2CO_002_Verse_012.mp3,"Míawo la, míele abe ame siwo tsɔ mawunya la ɖo ŋgonu hele amewo blem, le ga xɔm le wo si la ene o. Esi wònye Mawue dɔ mí ta la, míeƒoa nu kple Kristo ƒe ŋusẽ la, eye Mawu ƒe ŋku le mía ŋu ɖaa." data/train/2CO/2CO_005_Verse_007.mp3,"Eya ta tso fifia dzi heyina la, migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be ame sia nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu vɔ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye vɔ̃wɔla, gake fifia la, meganye nenemae míegale ekpɔm o." data/train/2CO/2CO_007_Verse_003.mp3,"Eya ta ɖe meŋlɔ agbalẽ la koŋ be Mawu naɖe ale si melɔ̃a mi la afia, ke menye ɖe ame si wɔ vɔ̃ sia alo ame si ŋuti wowɔ vɔ̃ sia ɖo la ta o, ke boŋ be miaƒe veviedodo nu ɖe mía ta nadze ƒãa le mia dome le Mawu ƒe ŋkume." data/train/2CO/2CO_011_Verse_016.mp3,"Le dɔwɔwɔ fũu ta la, ɖeɖi tea ŋunye, eye metsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe. Dɔ kple tsikɔ wuam zi geɖe. Dɔƒe hã menɔa asinye o, eye le zã me la, vuvɔ wɔam, elabena avɔ titri menɔ asinye o." data/train/2CO/2CO_012_Verse_002.mp3,"Ame aɖewo le mia dome le gbɔgblɔm be, “Enye nyateƒe be ne eɖi tsa va kpɔ mí la, míegblẽa ga aɖeke ɖe eŋuti o, gake Paulo sia ayetɔe wònye le mía blem. Le nyateƒe me la, anya to mɔ aɖe dzi kokoko wɔ ga le mía ŋuti.”" data/train/2CO/2CO_010_Verse_001.mp3,"Elabena ame si ƒoa adegbe le eya ŋutɔ ƒe dɔwo ŋuti la medzea Aƒetɔ la ŋu o, ke ame si ƒe dɔwɔwɔ ŋu Aƒetɔ la kpɔ ŋudzedze nyui le lae nye dɔwɔla nyuitɔ." data/train/2CO/2CO_001_Verse_011.mp3,"Gbeɖe, mele eme nenema o. Abe ale si Mawu nye nyateƒetɔ ene la, nyemenye ame ma ƒomevi o. Nye “ɛ̃” nye “ɛ̃.”" data/train/2CO/2CO_011_Verse_025.mp3,"Ne ame aɖe le hame aɖe me si gbɔdzɔ la, etena ɖe dzinye, eye nye hã megbɔdzɔna enumake eye ne hamevi aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wòdze anyi la, enana be nuxaxa yɔa nye dzi me." data/train/2CO/2CO_004_Verse_016.mp3,"woti mía yome, gake Mawu megble mí ɖi o, woƒo mí ƒu anyi, gake wometsrɔ̃ mí o." data/train/2CO/2CO_008_Verse_023.mp3,Woɖe kuku na mí be míaxɔ yewo hã ƒe nunana ale be yewo hã yewoakpɔ dzidzɔ be yewona kpekpeɖeŋu Mawu ƒe ame siwo le Yerusalem. data/train/2CO/2CO_004_Verse_011.mp3,"Míaƒe fukpekpe siawo katã nye viɖe geɖe na mi, eye zi ale si míeɖe gbeƒã Mawu ƒe amenuveve sia na ame geɖewo, eye wokpɔ gome le eme la, zi nenema ke woatsɔ kafukafu kple akpedada na Aƒetɔ la." data/train/2CO/2CO_011_Verse_002.mp3,"Adegbe sia ƒoƒo kple kakaɖedzi menye nu si Aƒetɔ la di tso asinye be mawɔ o, gake mele eƒo ge abe ale si ame tagbɔmanɔsitɔ ƒoa nue ene." data/train/2CO/2CO_001_Verse_013.mp3,Medi be wòanɔ susu me na mi be Mawue wɔ mí kple miawo hã bena míezu kristotɔ vavãwo eye wòtia mí abe eƒe apostolowo ene be míaɖe gbeƒã nyanyui la. data/train/2CO/2CO_006_Verse_015.mp3,"Woƒo mí, eye wode mí gaxɔ me. Ame siwo lɔ veve helĩhelĩ ɖe dzi me la tso ɖe mía ŋu kpɔ. Míewɔ dɔ sesĩe, eye ɖeɖi te mía ŋu kpɔ; míetsia zãdomadɔlɔ̃e, eye dɔ wua mí." data/train/2CO/2CO_009_Verse_011.mp3,"Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo ɣe sia ɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si miekpe ɖe wo ŋu ta." data/train/2CO/2CO_012_Verse_008.mp3,"Ke ɣe sia ɣi la, Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò, elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye." data/train/2CO/2CO_008_Verse_013.mp3,"Menye míaƒe didie wònye be miamia ŋku, ana ga fũu be ame siwo miele nua dzɔm na la nazu kesinɔtɔwo atsɔ miaƒe ga anɔ agbe vivi ɖum o," data/train/2CO/2CO_013_Verse_014.mp3,"Mlɔeba la, nɔviwo, midze agba be mianɔ agbe nyuie. Miɖo to nya siwo katã megblɔ na mi. Minɔ anyi le ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me, eye ŋutifafa kple lɔlɔ̃ ƒe Mawu la nanɔ anyi kpli mi." data/train/2CO/2CO_001_Verse_005.mp3,"Aƒetɔ Yesu Kristo kpɔna hã be Mawu ƒe ŋugbedodo ɖe sia ɖe va eme pɛpɛpɛ. Ne ŋugbedodoawo wu akpe nanewo hã la, wovaa eme, eye miegblɔa “Amen” to Kristo dzi hena Mawu ƒe kafukafu." data/train/2CO/2CO_001_Verse_015.mp3,"Míaƒe mɔkpɔkpɔ na mi li ke goŋgoŋgoŋ, elabena míenya be abe ale si miekpɔ gome le míaƒe fukpekpewo me ene la, nenema ke miakpɔ gome le míaƒe akɔfafa hã me." data/train/2CO/2CO_011_Verse_007.mp3,"Esi menɔ mia gbɔ, eye nanewo va hiãm la, nyemebia mi o, ke boŋ kristotɔ siwo tso Makedonia va gbɔnye lae tsɔ nu siawo nu vɛ nam. Meɖoe be nyemanye agba na mi o, eya tae nyemebia pesewa ɖeka hã va se ɖe fifia o, eye nyemabia mi hã gbeɖegbeɖe o." data/train/2CO/2CO_002_Verse_001.mp3,"Elabena Mawu wɔ mí míezu ami si ʋẽna lĩlĩlĩ la, eye Kristo ƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si wòtsɔ de mía me la, kaka ɖe ame siwo katã kpɔ xɔxɔ kple ame siwo mekpɔe o la siaa dome." data/train/2CO/2CO_006_Verse_012.mp3,Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye aleke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me? data/train/2CO/2CO_010_Verse_000.mp3,"Azɔ la, nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi kple dzigbɔɖi kple tufafa abe ale si Kristo ŋutɔ awɔ ene. Ke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, ne mele adzɔge la, nye nya dzi “sesẽna”, gake ne meva yewo gbɔ ko la, menɔa anyi abe “vɔvɔ̃nɔtɔ” ene." data/train/2CO/2CO_012_Verse_006.mp3,"Esi mele mia gbɔ la, nye dɔwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖo kpe edzi be Aƒetɔ lae tiam abe apostolo ene, eye wòdɔm be mava gblɔ nyanyui la na mi, eye metsɔ dzigbɔɖi wɔ dzesiwo, nukunuwo kple ŋusẽdɔ geɖewo hã le mia dome." data/train/2CO/2CO_008_Verse_015.mp3,"Meɖe kuku mitsɔ lɔlɔ̃ si le mia me ɖe ŋunye la na ame siawo hã, ale be woakpɔe be ale si meƒoa adegbe tso mia ŋuti la le eme vavã, eye miɖee fia le hameawo ƒe ŋkume." data/train/2CO/2CO_008_Verse_001.mp3,"Ale si miede ŋgɔ le xɔse, nufiafia, nunya, veviedodo nu kple lɔlɔ̃ si mietsɔ na mí me la, nenema ke medi be mianye ame gbãtɔwo le lɔlɔ̃nunanadɔ sia hã me." data/train/2CO/2CO_010_Verse_014.mp3,"Míedze agɔ ne míegblɔ be ŋusẽ le mía si ɖe mia dzi o, elabena míawoe nye ame gbãtɔ siwo tsɔ Kristo ƒe nyanyui la vɛ na mi." data/train/2CO/2CO_005_Verse_009.mp3,"Ke dzideƒo blibo le mía si, eye wòdzroa mí gɔ̃ hã be míadzo le anyigbadziŋutilã sia me aɖanɔ Aƒetɔ la gbɔ le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe mavɔ la me." data/train/2CO/2CO_003_Verse_014.mp3,"Miawoe nye míaƒe agbalẽ si woŋlɔ ɖe miaƒe dziwo me, si amewo katã nya, eye woxlẽnɛ." data/train/2CO/2CO_008_Verse_004.mp3,"Esi ƒo wo katã ta, eye wòwɔ nuku na mí lae nye be wotsɔ wo ɖokuiwo na Aƒetɔ la kple míawo hã to Mawu ƒe amenuveve me, eye wolɔ̃ be yewoaɖo to nya sia nya si míegblɔ na yewo la." data/train/2CO/2CO_004_Verse_010.mp3,"Menye mía ŋutɔ ɖokuiwo ŋutie míele gbeƒã ɖem le na mi o, ke boŋ Yesu Kristo ŋutie, eye eyae nye Aƒetɔ la. Ke míawo la, míenye subɔlawo le Yesu ŋuti." data/train/2CO/2CO_005_Verse_019.mp3,"Nu siawo katã tso Mawu, ame si wɔ mí etɔwoe to Kristo dzi la gbɔ. Mawu ŋutɔ tsɔ dɔ nyui sia de asi na mí be míakplɔ ame bubuwo hã va ye gbɔe ne yeakpɔ nublanui na wo, eye woawɔ ɖeka kple ye." data/train/2CO/2CO_005_Verse_018.mp3,"Ne nya siawo sese ɖi le miaƒe towo me abe ɖe míaƒe susuwo da ene la, ekema le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la tae. Ke ne miedze sii be míaƒe nyawo meɖi ame siwo ƒe tagbɔ tɔtɔ tɔ o la, ekema aɖe vi geɖe na mi." data/train/2CO/2CO_013_Verse_001.mp3,Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe hamenɔnɔ nanɔ anyi kple mi katã. data/train/2CO/2CO_011_Verse_031.mp3,"Yudatɔwo ƒom zi atɔ̃ sɔŋ eye le ƒoƒo ɖe sia ɖe me la, woƒom zi blaetɔ̃-vɔ-asiekɛ." data/train/2CO/2CO_005_Verse_012.mp3,"Mawu ŋutɔe ɖoe be tɔtrɔ sia nava míaƒe agbenɔnɔ me, eya ta wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de mía me abe kpeɖodzinu ene." data/train/2CO/2CO_011_Verse_013.mp3,Ke mawɔ nu si meɖo la dzi be matsɔ ɖe ke le miaƒe apostolo siwo le adegbe ƒom be yewo hã Mawu ƒe dɔ ko wɔm yewole abe míawo ke ene la te. data/train/2CO/2CO_005_Verse_014.mp3,"Menye mía ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ ta míele nu sia nu si wɔm míele la wɔm ɖo o; míele ewɔm, elabena Kristo ƒe lɔlɔ̃ le mía kplɔm. Esi míexɔe se be Aƒetɔ Yesu Kristo ku ɖe mí katã ta la, ele be míawo hã míaxɔe se be míeku na agbe xoxo siwo míenɔna tsã la." data/train/2CO/2CO_006_Verse_002.mp3,"Elabena Mawu gblɔ be, “Meɖo to wò le nye amenuveɣi la, eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe la.” Mele egblɔm na wò be, fifiae nye amenuveɣi, kpɔ ɖa fifiae nye xɔxɔgbe!" data/train/2CO/2CO_002_Verse_007.mp3,"Ke akpe na Mawu be to nu si Kristo wɔ me la, míekpɔ dziɖuɖu eye míekaka nyanyui la abe ami ʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ ene ɖe amewo dome le afi sia afi si míeyi." data/train/2CO/2CO_009_Verse_015.mp3,"Seɖoƒe aɖeke meli na Mawu ƒe nunana si wònaa mi gbe sia gbe o. Eya ŋutɔ naa nu siwo hiãa mi la mi, eye wònanɛ le agbɔsɔsɔ blibo me be ne miewɔ wo ŋuti dɔ ʋuu hã la, agatsi anyi zã be miana ame bubuwo atsɔ afia dɔ nyui wɔwɔ." data/train/2CO/2CO_013_Verse_004.mp3,"elabena miele nane dim be wòaɖo kpe edzi na mi be Kristoe le nu ƒom to dzinye. Kristo megbɔdzɔ le tohehe na mi me o, ke esẽ ŋu le mia dome." data/train/2CO/2CO_003_Verse_015.mp3,"Míele nya siawo gblɔm kple kakaɖedzi, elabena míeɖo ŋu ɖe Mawu ɖeka hɔ̃ la ko ŋu to Kristo dzi." data/train/2CO/2CO_008_Verse_010.mp3,"Medi be maɖo aɖaŋu na mi be miado vevi nu le nunana sia me, awu nu si gɔme miedze le ƒe si va yi me la nu, elabena miawoe nye ame gbãtɔ siwo do susu sia ɖa, eye mieɖee fia be miele klalo ɖe ewɔwɔ ŋuti hã." data/train/2CO/2CO_003_Verse_000.mp3,"Amewo akpɔe be miezu agbalẽ si tso Kristo gbɔ to mía dzi. Menye agbalẽ si woŋlɔ kple nuŋlɔtsi o, ke boŋ esi wotsɔ Mawu gbagbe la ƒe Gbɔgbɔ ŋlɔe ɖe miaƒe dziwo me, ke menye ɖe nuŋlɔkpewo dzi o." data/train/2CO/2CO_012_Verse_017.mp3,"Nu geɖewo ŋutɔ li siwo ŋu maƒo adegbe le, eye ne mewɔ esia la, mawɔm movitɔe o; elabena wonye nyateƒe. Ke nyemawɔe o, be amewo nabum amegãe wu ame si ŋutɔ menye o, ke boŋ be woakpɔ nu si wòdze be woakpɔ le nye agbenɔnɔ kple gbeƒã si ɖem mele la me." data/train/2CO/2CO_003_Verse_013.mp3,"Míawo ya la, míewɔna abe ale si Mose wɔ esi wòtsɔ nu tsyɔ mo be Israelviwo nagakpɔ nu si nu tsina ƒe nuwuwu o la ene." data/train/2CO/2CO_004_Verse_008.mp3,"Mawu ame si gblɔ be, “Kekeli neklẽ ɖe viviti me la,” kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me." data/train/2CO/2CO_008_Verse_005.mp3,"Esia ta míebia tso Tito, ame si de dzi ƒo na mi le yayra si le nunanadɔ si gɔme miedze me la si be wòayi edzi ade dzi ƒo na mi be miawu amenuvedɔ sia nu le mia dome." data/train/2CO/2CO_003_Verse_003.mp3,"Enye nyateƒe be Mose xɔ se siwo woŋlɔ ɖe kpe dzi, siwo dzi mawɔmawɔ hea ku vɛ la, le ŋutikɔkɔe gã aɖe me. Eye esi wòtrɔ gbɔ va kple seawo la, keklẽ gã aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be Israelviwo mete ŋu kpɔ eƒe ŋkume gɔ̃ o, gake ŋutikɔkɔe ma nu va yi xoxo." data/train/2CO/2CO_007_Verse_006.mp3,"Hekpe ɖe dzideƒo si miena mí to lɔlɔ̃ si mieɖe fia mí la ŋu la, míegakpɔ dzidzɔ geɖe hã le ale si miexɔ Tito kple nu nyui siwo katã miewɔ nɛ be eƒe dzi dze eme la ta." data/train/2CO/2CO_012_Verse_011.mp3,"Mawu ƒe gãnyenye kple nukunu siwo teƒe mekpɔ la, menye nu bɔbɔe o, eye be nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la tae Mawu na be dɔléle aɖe ge ɖe nye ŋutilã me si zu ŋu nɔa fu ɖem nam. Esia nye Satana ƒe dɔla ƒe nuwɔna." data/train/2CO/2CO_002_Verse_010.mp3,"Meŋlɔ agbalẽ ma na mi be makpɔe ɖa be miele klalo awɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi, eye be makpɔe ɖa be toɖoɖo ƒe gbɔgbɔ le mia me mahã?" data/train/2TH/2TH_002_Verse_007.mp3,"Ke nu si ŋutsu aglãdzela sia awɔ ne eva la le edzi yim xoxo le bebeme, gake eya ŋutɔ mava o va se ɖe esime ame si le mɔ xem nɛ la do ɖa le mɔ me nɛ hafi." data/train/2TH/2TH_002_Verse_014.mp3,"nade dzi ƒo na mi, eye wòado ŋusẽ mi le dɔ nyui ɖe sia ɖe wɔwɔ kple nyanyui la gbɔgblɔ me." data/train/2TH/2TH_001_Verse_000.mp3,Adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo katã medi be yewoanya Mawu o kple ame siwo katã meɖoa to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o. data/train/2TH/2TH_001_Verse_005.mp3,"Eya ta magblɔ na mi, ame siwo le fu kpem la be Mawu ana dzudzɔ mi kple míawo nenye be Aƒetɔ Yesu va do kpoyi tso dziƒo le dzo ƒe aɖewo me kple eƒe mawudɔla sesẽwo." data/train/2TH/2TH_001_Verse_002.mp3,"Ekema ame sia ame anɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ kafum ɖe nu nyui siwo do go tso mia me wokpɔ la ta, eye miaƒe ŋutikɔkɔe gãtɔ kekeakee nye be miava nye etɔ. Míaƒe Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ana esiawo katã ava eme na mi." data/train/2TH/2TH_003_Verse_001.mp3,"Azɔ esia nye nye Paulo ŋutɔ nye gbedoname si meŋlɔ kple nye ŋutɔ nye asi, abe ale si mewɔnɛ le nye agbalẽwo katã ƒe nuwuwu la ene, be wòanye kpeɖodzi na mi be agbalẽ la tso nye ŋutɔ gbɔnye. Esia nye nye ŋutɔ nye asinuŋɔŋlɔ." data/train/2TH/2TH_001_Verse_010.mp3,"Nɔvi lɔlɔ̃awo, ele be míatsɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta. Menye nu dzeame ko wònye na mí o, ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta." data/train/2TH/2TH_003_Verse_005.mp3,"Elabena miawo ŋutɔ mienya ale si wòle be miadze míaƒe kpɔɖeŋu yomee. Esi míenɔ mia dome la, míenɔ anyi kuviatɔe" data/train/2TH/2TH_003_Verse_012.mp3,"Míele kuku ɖem na ame mawo katã, eye míele gbe ɖem na wo hã le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be woadze kɔ anyi, awɔ dɔ atsɔ akpɔ wo ɖokuiwo dzii." data/train/2TH/2TH_002_Verse_001.mp3,"Atsɔ madzɔmadzɔnyenye able ame siwo katã yina ɖe dzomavɔ la me, elabena wogbe nyateƒe la xɔxɔ, alɔ̃e be wòaɖe wo o," data/train/2TH/2TH_003_Verse_015.mp3,"Nenye be ame aɖe gbe be yemawɔ ɖe nu siwo míegblɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o la, milé ŋku ɖe eŋuti, eye migade ha kplii o, ale be ŋu nakpee." data/train/2TH/2TH_002_Verse_010.mp3,"Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu mía Fofo, ame si lɔ̃ mí, eye to eƒe amenuveve me la, wòna dzideƒo mavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui mí la" data/train/2TH/2TH_002_Verse_000.mp3,"Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu, eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene, eye wòable amewo be yee nye Mawu." data/train/2TH/2TH_002_Verse_009.mp3,"Mawu gblɔ nyanyui la na mi to mía dzi, eye to mía dzi wòyɔ mi be miakpɔ gome le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la me." data/train/2TH/2TH_002_Verse_006.mp3,"Ke ele be míada akpe na Mawu ɖaa ɖe mia ta, mi mía nɔvi siwo Aƒetɔ la lɔ̃, elabena Mawu ɖoe tso blema ke be yeana miakpɔ ɖeɖe, aklɔ mia ŋuti to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dɔwɔwɔ kple miaƒe nyateƒe la dzi xɔxɔ se me." data/train/2TH/2TH_001_Verse_003.mp3,"Enye dzidzɔ na mí be míaƒo adegbe tso miaƒe dzigbɔɖi kple ale si miaƒe xɔse de to le Mawu me la ŋu na hame bubuwo, togbɔ be miele fukpekpe kple ɣeyiɣi sesẽwo me tom hã." data/train/2TH/2TH_002_Verse_003.mp3,"eya ta Mawu ɖe mɔ na wo be woaxɔ alakpa siawo katã dzi ase kple woƒe dzi blibo," data/train/2TH/2TH_002_Verse_011.mp3,Mieɖo ŋku edzi be megblɔ nya siawo na mi esi menɔ mia gbɔ oa? data/train/2TH/2TH_003_Verse_006.mp3,"Gake míese be mia dometɔ aɖewo le kuvia wɔm, wogbe be yewomawɔ dɔ aɖeke o, eye wogblẽa woƒe ɣeyiɣi ɖe amenyagbɔgblɔ ŋu." data/train/2TH/2TH_002_Verse_013.mp3,"Migana woatɔtɔ miaƒe susuwo, eye woable mi o; migaxɔ nu sia nu si wogblɔ la dzi se o, elabena ŋkeke ma mava o, va se ɖe esime aglãdzedze ava eye woaɖe ame sedzimawɔla la ɖe go, ame si woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃." data/train/2TH/2TH_001_Verse_008.mp3,"ne eva be wòaxɔ kafukafu kple bubu ɖe dɔ gã si wòwɔ na ame kɔkɔewo la ta. Miawo la, mianɔ ame siwo anɔ ekafum la dome, elabena miexɔ Mawu ƒe nya si míegblɔ na mi la dzi se." data/train/2TH/2TH_001_Verse_006.mp3,"Eya ta míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɖaa be míaƒe Mawu la nawɔ mi vi siwo ƒomevi wòdi be woanɔ ye si lae, eye agawɔ mi mianyo ade ale si miedi la nu! Mlɔeba la, atsɔ eƒe ŋusẽ axe fe na mi ɖe miaƒe xɔse ta." data/train/2TH/2TH_003_Verse_003.mp3,"Aƒetɔ la, nuteƒewɔla wònye, eya ta ado ŋusẽ mi, eye wòakpɔ mia ta tso vɔ̃ɖitɔ ƒe fuwɔame ɖe sia ɖe me." data/train/2TH/2TH_003_Verse_016.mp3,"Nɔvi lɔlɔ̃awo, míele se sia dem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be: Abe ale si míefia mi be miawɔ ene la, migade ha kple nɔvi si nɔa anyi kuviatɔe gbe sia gbe, eye mewɔa dɔ aɖeke o la o." data/train/2TH/2TH_003_Verse_018.mp3,Ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana eƒe ŋutifafa mi ɣe sia ɣi le nu sia nu me. Aƒetɔ la nanɔ anyi kpli mi katã. data/train/2TH/2TH_003_Verse_013.mp3,"Míewɔ esia menye esi míate ŋu abia kpekpeɖeŋu ma tɔgbi mi ta o, ke boŋ be míatsɔ mía ɖokuiwo aɖo kpɔɖeŋu na mi be miadze eyome." data/train/2TH/2TH_003_Verse_011.mp3,"Míeka ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miele nu siwo míefia mi la dzi wɔm, eye menye zi ɖeka ko o, ke boŋ ɣe sia ɣi." data/train/2TH/2TH_001_Verse_007.mp3,"Eye le ɣe ma ɣi me ke la, edzɔ le Mawu ƒe ŋkume be wòatsɔ xaxa aɖo teƒe na ame siwo na xaxa mi la." data/train/2TH/2TH_003_Verse_000.mp3,"alo ɖu ame aɖeke ƒe nu femaxee o, ke boŋ míewɔ dɔ zã kple keli. Míedze agbagba, ku kutri be míaganye agba na mia dometɔ aɖeke o." data/train/2TH/2TH_002_Verse_002.mp3,"Ekema ŋutsu vɔ̃ɖi sia ava do, eye Aƒetɔ Yesu atsɔ eƒe ya si wògbɔna to eƒe nu me la afiae, eye ne etrɔ va la, atsrɔ̃ ŋutsu sia ɖa le anyigba dzi." data/train/2TH/2TH_002_Verse_004.mp3,"Eye mienya nu si le mɔ xem na eƒe afi sia vava xoxo, elabena ne eƒe ɣeyiɣi mede o la, mava o." data/train/2TH/2TH_003_Verse_014.mp3,"Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mabia tso mia si be miado gbe ɖa ɖe mía ta. Mido gbe ɖa gbã be Aƒetɔ la ƒe nya la nakaka ɖe afi sia afi kaba, eye wòakpɔ dziɖuɖu le afi sia afi si wòkaka ɖo, ale be wòaɖe ame geɖewo abe ale si wòdzɔe esi míeva mia gbɔ la ene." data/train/2TH/2TH_001_Verse_004.mp3,Esia nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la ƒe dzesi be woabu mi be miedze na mawufiaɖuƒe si ŋuti miekpe fu ɖo la. data/train/2TH/2TH_003_Verse_004.mp3,"Elabena esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míede se sia na mi be, “Ame si medi be yeawɔ dɔ o la, megaɖu nu hã o.”" data/train/2TH/2TH_003_Verse_007.mp3,"Hena nɔvi lɔlɔ̃ mamlɛawo la, mele nu xlɔ̃m mi be ɖeɖi megate mia ŋuti le nu nyui wɔwɔ me o." data/train/2TH/2TH_001_Verse_012.mp3,"Woahe to na wo le dzomavɔ la me, eye womagakpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkume akpɔ gbeɖe o. Gawu la, womakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋusẽ hã o," data/train/2TH/2TH_002_Verse_012.mp3,"migana woatɔtɔ miaƒe susuwo bɔbɔe alo ado dzikatsoameƒo na mi kple nyagblɔɖiwo, nutsotsowo alo kple agbalẽ aɖe si wogblɔ be etso mía gbɔ hele gbɔgblɔm be Aƒetɔ la ƒe vavagbe la va yi xoxo o." data/train/2TH/2TH_002_Verse_017.mp3,"Ŋutsu nu vɔ̃ wɔla sia ava kple Satana ƒe ŋusẽ eye Satana awɔ eŋu dɔ atsɔ wɔ dzesi kple nukunu gã geɖewo, atsɔ aflu amewoe." data/train/2TH/2TH_003_Verse_010.mp3,"Mido gbe ɖa hã be míado go le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, elabena menye ame sia ame si xɔse la le o." data/train/MIC/MIC_003_Verse_001.mp3,Ekema woado ɣli ayɔ Yehowa gake matɔ na wo o eye aɣla eƒe mo ɖe wo ɖe nu vɔ̃ si wowɔ la ta. data/train/MIC/MIC_005_Verse_014.mp3,"Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔwo kple ame geɖewo dome abe dzata le lã wɔadã siwo le ave me kple dzatavi le alẽhawo dome ene. Dzatavi si le yiyim la, enyea avuzi hevuvua nu eye ame aɖeke mate ŋu axɔ nu le esi o." data/train/MIC/MIC_001_Verse_006.mp3,"Lũ ta kolikoli nàfa konyi elabena wokplɔ vi siwo gbɔ mèlɔ̃a nu le o la dzoe. Lũ ta wòanɔ abe akaga tɔ ene, elabena woakplɔ viwòwo ayi aboyo mee." data/train/MIC/MIC_002_Verse_010.mp3,"Ne alakpatɔ kple ameblela aɖe va gblɔ be magblɔ nya ɖi be, ‘Wain kple aha nabɔ na mi fũu’ la, eyae nye nyagblɔɖila si tɔgbi ame siawo lɔ̃na.”" data/train/MIC/MIC_007_Verse_005.mp3,"Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àkpɔ nublanui na Abraham abe ale si nèka atam na mía fofowo tso blema ke ene." data/train/MIC/MIC_007_Verse_000.mp3,"“Abe ale si wònɔ le ŋkeke siwo me nèdo go tso Egipte ene la, mafia wo nye nukunuwo.”" data/train/MIC/MIC_002_Verse_013.mp3,Woƒe Nyagblɔɖilawo gblɔ nam be: “Mègagblɔ nya ɖi tso nu siawo ŋuti o elabena ŋukpe mava mía dzi o.” data/train/MIC/MIC_007_Verse_009.mp3,elabena viŋutsu made bubu fofoa ŋu o; vinyɔnu adze aglã ɖe dadaa ŋu eye lɔ̃xoyɔvi atso ɖe lɔ̃xoa ŋu. Ame ƒe futɔwo atso eya ŋutɔ ƒe aƒe me. data/train/MIC/MIC_006_Verse_002.mp3,"Àɖu nu, ke màɖi ƒo o, eye dɔ anɔ wuwòm ɖaa. Àdzra nu gbogbowo ɖo, ke naneke masusɔ na wò o, elabena ne ɖe susɔ gɔ̃ hã la, matsɔe ade asi na yi." data/train/MIC/MIC_005_Verse_013.mp3,"Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ ame geɖewo dome abe ahũ si dza tso Yehowa gbɔ kple agbafie si dzana ɖe gbe dzi, eye melalaa amegbetɔ alo kpɔa amegbetɔ ƒe asinu o la ene." data/train/MIC/MIC_002_Verse_004.mp3,Ke nye dukɔ tso ɖe ŋunye abe woƒe futɔ ene. Mieɖe awu xɔasiwo le ame siwo va le eme tsom le ŋutifafa me la ŋuti abe asrafo siwo tso aʋa gbɔ la ene. data/train/MIC/MIC_002_Verse_008.mp3,"Mitso ne miadzo le afi sia, elabena esia menye dzudzɔƒe wònye na mi o; elabena wodo gu teƒe la, eye wogbãe, ale be womagate ŋu aɖɔe ɖo o." data/train/MIC/MIC_003_Verse_012.mp3,Zã ado aƒo xlã mi eye miegale ŋutega kpɔ ge o; viviti atsyɔ mia dzi eye Mawu ƒe gbe mava na mi o. Ɣe aɖo to ɖe mia dzi eye ŋkeke ado viviti na mi. data/train/MIC/MIC_004_Verse_011.mp3,"O Zion nyɔnuvi, ƒo dablibɛ, nàlé ku abe nyɔnu si le vi dzim la ene, elabena tso azɔ dzi yina la, àdzo le du sia me aɖanɔ gbegbe, woakplɔ wò ayi ɖe aboyo me le Babilonianyigba dzi, gake le afi sia la, maɖe wò. Le afi ma la, Yehowa aɖe wò tso futɔwo ƒe asi me." data/train/MIC/MIC_005_Verse_004.mp3,Magbã wò duwo eye mamu wò mɔ sesẽwo aƒu anyi. data/train/MIC/MIC_006_Verse_013.mp3,"O, aƒe vɔ̃ɖi! Ɖe maŋlɔ wò kesinɔnu madzɔmadzɔ kple nudotre sue si dzi fiƒode le la bea?" data/train/MIC/MIC_006_Verse_015.mp3,Ɖe agbo akpewo kple amitɔsisi akpe akpewo adze Yehowa ŋua? Ɖe matsɔ nye ŋgɔgbevi asa vɔe ɖe nye dzidadawo ta kple nye dɔmevi ɖe nye luʋɔ ƒe nu vɔ̃ ta mahã? data/train/MIC/MIC_005_Verse_010.mp3,"Mlɔeba la, matrɔ nye dziku akɔ ɖe dukɔ siwo gbe toɖoɖom la dzi eye mabia hlɔ̃ wo.”" data/train/MIC/MIC_001_Verse_012.mp3,Migaɖe gbeƒãe alo afa avi le Gat o. Ke mibliba mia ɖokuiwo ɖe ke me le Bet Ofra. data/train/MIC/MIC_006_Verse_011.mp3,"Nye dukɔ, ɖo ŋku aɖaŋu si Moab fia, Balak, ɖo kple ale si Balaam, Beor ƒe vi la ɖo eŋu nɛ la dzi. Ɖo ŋku wò mɔzɔzɔ tso Sitim yi Gilgal la dzi, be nàdze si Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.”" data/train/MIC/MIC_004_Verse_000.mp3,"Adrɔ̃ ʋɔnu le amewo dome, eye wòadzra dukɔ sesẽ siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa la dome ɖo. Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe. Dukɔ matsɔ yi ɖe dukɔ ŋu alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o." data/train/MIC/MIC_002_Verse_005.mp3,"Le ŋkeke ma dzi la, amewo aɖu fewu le mia ŋu, eye woadzi konyifaha sia na mi amenuɖiatɔe be: ‘Wotsrɔ̃ mi keŋkeŋ; hema nye dukɔ ƒe nunɔamesiwo. Yehowa xɔe le asinye. Ema míaƒe anyigbawo na ame siwo ɖe aboyo mí.’ ”" data/train/MIC/MIC_006_Verse_000.mp3,"“Azɔ la, mi towo, miɖo to miase nya siwo Yehowa tsɔ ɖe mia ŋuti. Miɖo to, mi anyigba ƒe agunu mavɔwo, elabena Yehowa tsɔ nya ɖe eƒe dukɔ ŋuti eye wòtsɔ nya ɖe Israel ŋu." data/train/MIC/MIC_007_Verse_017.mp3,"Woaɖu ʋuʋudedi abe da kple nu gbagbe siwo tana le anyigba la ene. Woado le woƒe dowo me kple vɔvɔ̃, atrɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu eye woavɔ̃ miawo hã." data/train/MIC/MIC_002_Verse_009.mp3,"Ne agble dim wole la, woxɔnɛ sesẽtɔe; ne xɔ dim wole la, woxɔa eya hã kple akpasesẽ. Nenye be anyigba ɖeka alo xɔ ɖeka ma koe le amea si hã la, woxɔnɛ le esi. Ale mietea ŋu xɔa amea kple eƒe domenyinuwo siaa sesẽtɔe." data/train/MIC/MIC_002_Verse_006.mp3,Mienya nyɔnu siwo le nye dukɔ me la le woƒe aƒe nyuiwo me. Miexɔ nye yayra le wo viwo si tegbee. data/train/MIC/MIC_005_Verse_006.mp3,Matsi adzewɔwɔ nu le wò anyigba dzi eye màgasa gbesa azɔ o. data/train/MIC/MIC_003_Verse_009.mp3,"Mieɖu nye amewo katã ƒe lã, vuvu ayi le wo ŋuti, gbã ƒu ɖe lãme na wo eye miefli wo abe ale si woflia adelã dea zee ene.”" data/train/MIC/MIC_001_Verse_015.mp3,"Towo lolõ ɖe eƒe afɔ te, eye balimewo ma le eŋgɔ abe ale si bosomi lolõnae le dzo gbɔ ene; abe ale si tsi sina ne wòle aga ɖim ene." data/train/MIC/MIC_005_Verse_008.mp3,Mawu aɖe asi le Israel ŋuti na eƒe futɔwo va se ɖe esime nyɔnu si fu le ɖuɖum la nadzi vi; eye Israelvi siwo susɔ ɖe aboyo me la natrɔ gbɔ akpe ɖe wo nɔviwo ŋuti anɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. data/train/MIC/MIC_001_Verse_011.mp3,Mi Safirtɔwo midzo le ŋukpe kple amamanɔnɔ me; mi Zaanantɔwo miadzo o. Bet Ezel le konyi fam eya ta sitsoƒe aɖeke mele esi na mi o. data/train/MIC/MIC_001_Verse_008.mp3,"Mi ame siwo le Maresa, makplɔ aʋakɔ aƒu mi, woaɖu mia dzi, ale Israel ƒe ŋutikɔkɔe ava Adulam." data/train/MIC/MIC_001_Verse_000.mp3,"elabena Yuda ka abi makumaku. Abi la keke va ɖo nye dukɔ ƒe agbowo nu ke, va ɖo Yerusalem ŋutɔ gɔ̃ hã." data/train/MIC/MIC_007_Verse_001.mp3,"Afi ka woagakpɔ Mawu bubu le wòanɔ abe wò si tsɔa wò domenyinu mamlɛawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo kena la ene? Mèdoa dɔmedzoe ɖikaa o, ke boŋ èkpɔa dzidzɔ le amenuveve ŋuti." data/train/MIC/MIC_006_Verse_010.mp3,Nu ka matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa gbɔ eye made ta agu ɖe Mawu dziƒoʋĩtɔ la ŋkume? Matsɔ nyivi si xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ nɛa? data/train/MIC/MIC_001_Verse_002.mp3,Eya ta miaklã ɖa tso Moreset Gat gbɔ. Akzib ƒe aƒe aflu Israel fiawo. data/train/MIC/MIC_001_Verse_005.mp3,"“Le esiawo ta la, mana Samaria nazu aƒedo, ale be woate ŋu ade waingble ɖe edzi gɔ̃ hã. Malɔ eƒe kpe gbagbãwo akɔ ɖe balime eye eƒe xɔwo ƒe agunu adze." data/train/MIC/MIC_006_Verse_001.mp3,"Àƒã nu, ke màŋe nu o; àɖa ami, gake màkpɔ ami asi o; àfia waintsetse, ke màkpɔ wain ano o." data/train/MIC/MIC_003_Verse_003.mp3,gake miawo boŋue gbe nu le nyui gbɔ eye mielɔ̃ vɔ̃. Mievuvu ayi le nye amewo ŋu ye mievuvu lã le woƒe ƒuwo ŋuti. data/train/MIC/MIC_003_Verse_004.mp3,"Ke nye la, ŋusẽ yɔ menye taŋtaŋ, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ aɖe gbeƒã Yakob ƒe nu tovowo wɔwɔ kple Israel ƒe nu vɔ̃." data/train/MIC/MIC_001_Verse_010.mp3,Mi Lakistɔwo mitsi sɔwo ɖe miaƒe tasiaɖamwo ŋu. Wòe nye Zion nyɔnuvi ƒe nu vɔ̃ ƒe gɔmedzeƒe elabena wokpɔ Israel ƒe nu vɔ̃wo le mewò. data/train/MIC/MIC_003_Verse_008.mp3,Miaƒe nukpɔlawo aɖu ŋukpe eye woado ŋukpe miaƒe nukalawo. Woatsɔ asi atsyɔ mo elabena gbe aɖeke metso Mawu gbɔ na wo o.” data/train/MIC/MIC_004_Verse_002.mp3,Azɔ nu ka ta nèle avi fam eye ɖe fia aɖeke mele asiwò oa? Afi ka wò fia si wòle be wòakplɔ wò la to? Ɖe wò aɖaŋuɖolawo ku hafi nèle ŋeŋem abe nyɔnu si le ku lém la enea? data/train/MIC/MIC_007_Verse_008.mp3,"Ekema nye futɔ akpɔe eye ŋu akpee. Eya ame si bia be, “Afi ka Yehowa wò Mawu la le?” Azɔ mekpɔ eƒe anyidzedze kple nye ŋkuwo kple ale si woanyamae abe ba ene." data/train/MIC/MIC_004_Verse_012.mp3,"“Tsi tsitre, O Zion nyɔnuvi, eye nàtugu lu elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, wò afɔkli nanye akɔbli eye nàgbã dukɔwo gudugudu.” Kɔ woƒe afunyinu ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba katã ƒe Aƒetɔ la." data/train/MIC/MIC_007_Verse_010.mp3,"Esi meda vo ɖe Yehowa ŋuti ta la mabɔbɔ ɖe eƒe dɔmedzoe te va se ɖe esime wòadrɔ̃ nye nya eye wòatso afia nam, ekema akplɔm va kekeli me eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye." data/train/MIC/MIC_004_Verse_001.mp3,"Ame sia ame anɔ anyi bɔkɔɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe wainka kple gboti te; eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo azɔ o elabena Yehowa, dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/MIC/MIC_007_Verse_020.mp3,"Ɣe ma ɣi la, amewo atso Asiria kple Egipte ƒe duwo me ava eye ɖewo atso Egipte va se ɖe keke Frat tɔsisi la nu. Gawu la, amewo atso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso to dzi yi to dzi, ava kpɔ wò ɖa." data/train/MIC/MIC_003_Verse_000.mp3,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mi nyagblɔɖila siwo kplɔa nye amewo tranae; ne ame aɖe na nu wo, woɖu la, wodoa ŋutifafa nɛ; ke ne ame aɖe mena nu wo o la, wohoa aʋa ɖe eŋuti." data/train/MIC/MIC_006_Verse_003.mp3,"Elabena nyee kplɔ wò tso Egipte eye meɖe wò tso kluvinyenye me. Medɔ Mose, Aron kple Miriam be woakplɔ mi." data/train/MIC/MIC_002_Verse_000.mp3,Ame si gbãa agbowo la adze ŋgɔ na wo eye woato agboawo me ado go. Woƒe fia adze ŋgɔ na wo eye Yehowa anye woƒe kplɔla.” data/train/MIC/MIC_003_Verse_005.mp3,Mi ame siwo tu Zion ɖe ʋukɔkɔɖeanyi dzi kple Yerusalem ɖe vɔ̃ɖinyenye dzi. data/train/MIC/MIC_005_Verse_005.mp3,Maho miaƒe aƒeli kɔkɔwo aƒu anyi eye magbã miaƒe duwo. data/train/MIC/MIC_007_Verse_007.mp3,Dukɔwo akpɔe eye ŋukpe alé wo elabena woƒe ŋusẽwo katã nu ayi. Woatsɔ woƒe asiwo aɖo nu eye woƒe towo atsi. data/train/MIC/MIC_001_Verse_009.mp3,"Mi dukɔwo katã miɖo to nya sia, wò anyigba kple edzinɔlawo katã mise ɖa; Aƒetɔ Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me eye wòtsɔ nya ɖe mia ŋuti!" data/train/MIC/MIC_007_Verse_004.mp3,Ame nyuitɔ si nàkpɔ le wo dome la le ko abe ŋu si tɔa ame ene eye woƒe nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu ŋukpɔtɔtɔ. Ke miaƒe gbetakpɔlawo ƒe ŋkeke la ɖo vɔ. Gbe si gbe Mawu ava asrã mi kpɔ la tu aƒe. Azɔ ɣeyiɣi si tɔtɔ aɖo wo dome la ɖo vɔ. data/train/MIC/MIC_007_Verse_018.mp3,Woƒe asi eveawo bi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me. Dziɖula xɔa zãnu eye ʋɔnudrɔ̃la tsoa afia na ame si na zãnue. Kesinɔtɔwo ɖoa nu si dim wole; ale ame siawo blaa nu ɖekae hewɔna. data/train/MIC/MIC_005_Verse_007.mp3,Matɔ dzo wò aklamakpakpɛwo eye magbã wò legba siwo nèwɔ kple wò asiwo be màgade ta agu na wo o. data/train/MIC/MIC_004_Verse_009.mp3,"Mawɔ tekunɔwo woazu ame mamlɛawo, eye ame siwo wonya la nazu dukɔ sẽŋu aɖe. Yehowa aɖu fia ɖe wo dzi le Zion to dzi tso gbe ma gbe heyi tegbee." data/train/MIC/MIC_005_Verse_001.mp3,"Atsi tsitre akplɔ eƒe alẽhawo le Yehowa ƒe ŋusẽ me kple Yehowa, eƒe Mawu la ƒe fianyenye me. Eƒe dukɔ la anɔ anyi le ŋutifafa me elabena woade bubu eƒe gãnyenye ŋuti le xexea me godoo." data/train/MIC/MIC_005_Verse_015.mp3,"Yehowa be: “Le gbe ma gbe la, matsrɔ̃ miaƒe sɔwo eye magblẽ miaƒe tasiaɖamwo" data/train/MIC/MIC_001_Verse_016.mp3,Woagbã eƒe legbawo gudugudu eye woatɔ dzo nunana siwo woli kɔe ɖe eƒe trɔ̃xɔwo me. Ale matɔ dzo eƒe legbawo katã. Elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui eye gboloho woagazu.” data/train/MIC/MIC_001_Verse_007.mp3,"Marotɔwo le mɔ kpɔm vevie be ŋu nyui aɖe ava ke, gake vevesese koe le wo lalam, elabena gbegblẽ tso Yehowa gbɔ va keke Yerusalem ƒe agbo nu." data/train/MIC/MIC_007_Verse_013.mp3,Mègaxɔ wò aƒelika dzi se o. Mègaɖo dzi ɖe xɔ̃wò ŋu o. Nya ale si nàƒo nu le nyɔnu si le akɔwò nu la gɔ̃ hã gbɔ data/train/MIC/MIC_007_Verse_019.mp3,Ŋkeke si dzi woatu wò duwo la ava eye ŋkeke na wò liƒowo ƒe keke ɖe edzi gbɔna. data/train/MIC/MIC_001_Verse_014.mp3,"Nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖe Yakob ƒe aglãdzedze ta, ele dzɔdzɔm ɖe Israel ƒe aƒe ƒe nu vɔ̃wo ta. Nu kae nye Yakob ƒe aglãdzedzea? Ɖe menye Samariae oa? Nu kae nye Yuda ƒe vɔsaƒewo? Ɖe menye Yerusalem ye oa?" data/train/MIC/MIC_007_Verse_015.mp3,"O nye futɔ, dzi megadzɔ wò le nye anyidzedze ŋuti o; togbɔ be medze anyi hã la, magafɔ ɖe tsitre! Ne menɔ anyi ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hã, Yehowa ŋutɔ anye nye kekeli." data/train/MIC/MIC_004_Verse_003.mp3,"Dukɔ geɖewo ava agblɔ be, “Miva. Mina míayi Yehowa ƒe to la dzi le Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me. Afia eƒe mɔwo mí ale be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.” Nufiame atso Zion ava eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava." data/train/MIC/MIC_002_Verse_012.mp3,"O Yakob ƒe aƒe, aleke woagblɔ nya siae? “Ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ado dɔmedzoea? Ɖe esiawo tso egbɔa? “Ɖe nye nyawo mewɔa nyui na ame siwo lé mɔ dzɔdzɔe tsɔ oa?" data/train/MIC/MIC_002_Verse_002.mp3,"Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi, “Meɖo gbegblẽ ɖe ame siawo ŋuti eye miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖa le gbegblẽ sia me o. Miate ŋu agazɔ dadatɔe o elabena anye ɣeyiɣi vɔ̃." data/train/MIC/MIC_006_Verse_016.mp3,Ɖe matso afia na ame aɖe ne nudanu madzɔmadzɔ le esi eye nudakpe amebatɔwo yɔ akplo me nɛ fũua? data/train/MIC/MIC_005_Verse_003.mp3,"“Ke wò, Betlehem, Efrata, togbɔ be èle sue le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewòe ame si le nye dukɔ Israel kplɔ ge la ado tso nam. Ame si ƒe dzɔtsoƒe metsɔ o elabena eli tso keke blema ke.”" data/train/MIC/MIC_004_Verse_006.mp3,"Ke wò la, O nye alẽha ƒe gbetakpɔla, O Zion nyɔnuvi ƒe togbɛ, dziɖuɖu agava na wò abe tsã ene. Dziɖuɖu ƒe ŋusẽ agava na wò abe tsã ene eye fiaɖuɖu agava na Yerusalem vinyɔnu.”" data/train/MIC/MIC_002_Verse_003.mp3,"Eya ta ne ɣeyiɣi de be woadzidze nu ama anyigba la, ame aɖeke manɔ mía si le Yehowa ƒe asaɖa me amae na mí o." data/train/MIC/MIC_004_Verse_005.mp3,"Ke azɔ la, dukɔ geɖewo wɔ ɖeka wɔ babla ɖe mia ŋuti; Wogblɔ be: “Mina míado gui eye míaƒe ŋkuwo natsa le Zion.”" data/train/MIC/MIC_006_Verse_006.mp3,Miewɔ nu ɖe Omri ƒe sewo nu eye miewɔ Ahab ƒe aƒe la ƒe nuwɔnawo katã. Miedze woƒe nuɖoanyiwo yome eya ta matsɔ mi ade asi na gbegblẽ eye wò amewo azu alɔmeɖenu; ale dukɔwo ƒe vlododo ava dziwò.” data/train/HOS/HOS_007_Verse_009.mp3,"Ne medi be mada gbe le Israel ŋu la, ekema Efraim ƒe nu vɔ̃wo dzea go, eye wokloa nu le Samaria ƒe nu vɔ̃wo dzi, elabena woblea ame, gbãa ʋɔ, fia fi, eye wodaa adzo le mɔtata dzi." data/train/HOS/HOS_002_Verse_008.mp3,"Le ɣe ma ɣi me la, mabla nu le wò kple lã wɔadãwo, xeviwo, kple lã siwo tana la dome, maŋe dati kple yi, maɖe aʋawɔwɔ ɖa le anyigba dzi, eye ame sia ame anɔ anyi le ŋutifafa me." data/train/HOS/HOS_014_Verse_007.mp3,"Miva Yehowa gbɔ kple miaƒe kukuɖeɖe, eye miagblɔ nɛ be, “O Yehowa, tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí. Ve mía nu nàgaxɔ mí, eye míatsɔ kafukafuvɔsa vɛ na wò." data/train/HOS/HOS_010_Verse_003.mp3,"Esia ta aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi alé wò dukɔ, eye woagbã wò mɔ sesẽwo katã, abe ale si Salman wɔe le Bet Arbel ene; le nyadzɔdzɔ ma me la, wolé nyɔnuwo kple wo viwo siaa xlã ɖe anyi woku." data/train/HOS/HOS_009_Verse_009.mp3,"Mekpɔ Efraim, wodɔe ɖe teƒe dzeani aɖe abe Tiro ene, gake Efraim akplɔ viawo ade asi na amewula.”" data/train/HOS/HOS_014_Verse_000.mp3,"Ame sia ame si si nunya le la, ase nu siawo gɔme. Ame sia ame si bua ta me la, neɖo to, elabena Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe, eye ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi, ke nu vɔ̃ wɔlawo ya akli nu, adze anyi." data/train/HOS/HOS_002_Verse_000.mp3,"Afi ma magbugbɔ eƒe waingble la nɛ, eye matrɔ eƒe Nuxaxa ƒe Balime la wòazu Mɔkpɔkpɔ ƒe Agbo. Adzi ha kple dzidzɔ abe ale si wònɔ nɛ le eƒe ɖetugbime esi wòdo go tso Egipte ene.”" data/train/HOS/HOS_011_Verse_008.mp3,"Nye dukɔ ɖoe kplikpaa be yeagbem. Esia ta ne woyɔ Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la gɔ̃ hã la, womakpɔ xɔxɔ o." data/train/HOS/HOS_003_Verse_003.mp3,"Le ɣeyiɣi didi siwo gbɔna me la, fia alo amegã manɔ Israel si o, vɔsasa, legba, kɔmewu alo aklamakpakpɛ ŋutɔ gɔ̃ hã manɔ wo si o!" data/train/HOS/HOS_009_Verse_001.mp3,"Efraim ƒe ŋutikɔkɔe dzo, dzo abe xevi ene, eya ta womadzi vi o, womafɔ fu o, eye womado fu hã o" data/train/HOS/HOS_004_Verse_017.mp3,"“Woaɖu nu, ke womaɖi ƒo o. Woawɔ gbolo, gake womadzi ɖe edzi o, elabena wogbe nu le Yehowa gbɔ," data/train/HOS/HOS_002_Verse_004.mp3,"eye ne eti eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome la matu wo o. Adi wo kple ŋkubiã gake makpɔ wo o. Ekema agblɔ na eɖokui be, ‘Anyo ne metrɔ yi ɖe srɔ̃nye gbɔ, elabena esi menɔ egbɔ la, nuwo dze edzi nam wu fifia.’" data/train/HOS/HOS_002_Verse_007.mp3,"Ke nye la, matɔ kpɔ aƒo xlãe kple ŋutiwo; maxe mɔ nɛ, ale be magakpɔ mɔ o," data/train/HOS/HOS_009_Verse_013.mp3,"Nye Mawu agbe Israelviwo, elabena wogbe be yewomaɖo toe o. Woazu tsatsalawo, kple aƒemanɔsitɔwo le dukɔwo dome." data/train/HOS/HOS_010_Verse_002.mp3,"Esia anye ale si woawɔ wò, O Betel, elabena wò nu vɔ̃ɖiwo sɔ gbɔ. Le ŋdi kanya gbe ɖeka la, woaɖe Israel fia ƒe agbe ɖa." data/train/HOS/HOS_012_Verse_000.mp3,"Alakpanudanu le asitsalawo si, wolɔ̃a amebaba." data/train/HOS/HOS_004_Verse_009.mp3,"Mèganɔ abe Israel ene o, wole abe nyitsu dzeaglã ene ɖe Yehowa ŋu, ɖe Yehowa ate ŋu akplɔ wo yi gbe damawo dzi abe alẽvi enea?" data/train/HOS/HOS_005_Verse_004.mp3,"kple ʋe goglo si woɖe ɖe Sitin, gake migaŋlɔ be, be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la ta o." data/train/HOS/HOS_005_Verse_014.mp3,"Wometo nyateƒe na Yehowa o, elabena wodzi ahasiviwo. Azɔ dzinu yeye ƒe ŋkekenyui aɖu wo kple woƒe nunɔamesiwo." data/train/HOS/HOS_002_Verse_019.mp3,"Nyemakpɔ nublanui na viawo o, elabena wonye ahasiviwo." data/train/HOS/HOS_006_Verse_006.mp3,"Medɔ nye nyagblɔɖilawo ɖa, wolã mi kakɛkakɛe, eye metsɔ nye numenyawo wu mii; nye ʋɔnudɔdrɔ̃ ake dzo ɖe mia dzi abe dzikedzo ene," data/train/HOS/HOS_011_Verse_012.mp3,"Zi ale si meyɔe la, zi nenema ke wòtrɔ megbe dem, hele vɔ sam na Baalwo, eye wòle dzudzɔ ʋeʋĩ dom na legbawo." data/train/HOS/HOS_007_Verse_000.mp3,"Baba na mi, nye amewo, elabena miegbem; mana woatsrɔ̃ mi, elabena miedze aglã ɖe ŋutinye! Medi vevie be maɖe wo, gake woda alakpa ɖe asinye." data/train/HOS/HOS_008_Verse_012.mp3,"Wowua nye vɔsalãwo hena lã la ɖuɖu, gake woƒe nu menyoa Yehowa ŋu o. Azɔ aɖo ŋku woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi, eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃ ta, ale woagatrɔ ayi Egipte." data/train/HOS/HOS_012_Verse_002.mp3,"Efraim ƒua du kplɔa ya ɖo, etia ɣedzeƒeya yome ŋkekea katã, eye wòdzia alakpa kple ŋutasesẽ ɖe edzi. Ebla nu kple Asiria, eye wòɖo ami ɖe Egipte." data/train/HOS/HOS_011_Verse_011.mp3,Woatrɔ tso Egipte abe xeviwo ƒe ha gã aɖe ene. Nenema ke woatrɔ tso Asiria abe ahɔnɛ ƒe ha gã aɖe ene. Magakplɔ wo ayi woƒe aƒewo mee.” Yehowae gblɔe. data/train/HOS/HOS_011_Verse_010.mp3,"“O, nye Efraim, aleke mate ŋu atsɔ wò ana? Israel, aleke mate ŋu aɖe asi le ŋuwò? Aleke mawɔ agbe wò abe Adma kple Zeboyim ene? Nye dzi le avi fam le menye, eye nye dzi xɔ dzo ɖe mia ŋuti be maɖe mi!" data/train/HOS/HOS_013_Verse_000.mp3,"Afi ka miaƒe fia la le? Nu ka wɔ miayɔe ne wòaxɔ na mi o? Afi ka miaƒe dumegãwo katã le? Ame siwo ŋuti miegblɔ le be, ‘Na fia kple dumegãwo mí’ la le? Eya ta miyɔ wo woava xɔ na mi!" data/train/HOS/HOS_002_Verse_012.mp3,"Mahe to nɛ ɖe ɣeyiɣi siwo wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Baalwo, eƒe legba Baal, eye wòde eƒe togɛ kple kɔsɔkɔsɔwo, hedze eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome, hegblẽm ɖi. Yehowae gblɔe." data/train/HOS/HOS_003_Verse_000.mp3,Ale megbugbɔ ƒlee tso eƒe kluvinyenye me kple klosalo wuiatɔ̃ kple lu agba alafa ɖeka blaatɔ̃. data/train/HOS/HOS_007_Verse_004.mp3,"“Efraim tsaka kple dukɔ bubuwo, eye wòle abe abolo si mebi nyuie o la ene." data/train/HOS/HOS_012_Verse_001.mp3,"Efraim dana gblɔna be: “Kesinɔtɔ gã aɖee menye! Le nye kesinɔnu gbogboawo ta la, womakpɔ vodada alo nu vɔ̃ le menye o.”" data/train/HOS/HOS_012_Verse_013.mp3,"Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le Gilgal mahã? Vavã wonye bometsilawo. Wotsɔ nyitsuwo sa vɔe le Gilead. Ɛ̃, woagbã woƒe vɔsamlekpuiwo ali kɔe ɖe agble dzi." data/train/HOS/HOS_007_Verse_001.mp3,"Du bubu me tɔwo xɔ ŋusẽ le esi, gake menya o. Efraim ƒe ɖa le wɔ ƒom, gake menya gɔ̃ hã be yele tsitsim le gbɔdzɔgbɔdzɔm o." data/train/HOS/HOS_008_Verse_013.mp3,"“Woƒã ya, eya ta woaŋe ahomya. Woƒe bliwo magbã ahadza o, eya ta ahɔ̃litiwo matse ku o, eye ne bli anɔ blitikpui aɖewo ŋu hã la, amedzrowo ahae aɖu." data/train/HOS/HOS_004_Verse_005.mp3,"eya ta ya sesẽ aɖe ava ƒo wo adzoe, eye woƒe vɔsawo ahe ŋukpe vɛ na wo." data/train/HOS/HOS_013_Verse_006.mp3,"Le nye dziku me, meɖo fia na mi, eye megaxɔe le mia si le nye dɔmedzoe me." data/train/HOS/HOS_006_Verse_001.mp3,"elabena nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o, eye sidzedze Mawu dim mele wu numevɔsawo," data/train/HOS/HOS_010_Verse_009.mp3,"Ne Asiriatɔwo ɖe aboyo wo mlɔeba la, woatsɔ woƒe nyivimawu la ana Asiria fia, Yareb, abe nunana ene. Ŋukpe alé Efraim, eye Israel ƒe mo atsi yaa le eƒe legbawo ta." data/train/HOS/HOS_002_Verse_003.mp3,"“Eya ta mable enu akplɔe ayi ɖe gbedzi, afi ma maƒo nu nɛ kple lɔlɔ̃gbe bɔkɔɔ le." data/train/HOS/HOS_012_Verse_012.mp3,"“Yehowa ɖeka kple Mawu ɖeka ma, si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egipte lae menye, eye nye kee ana mianɔ agbadɔwo me abe ale si miewɔnɛ ƒe sia ƒe le Agbadɔmeŋkekenyuiɖuɖu me ene." data/train/HOS/HOS_010_Verse_014.mp3,"Woƒe dziwo te ɖa xaa tso Mawu gbɔ. Wodze agɔ, eya ta ele be woahe to na wo. Yehowa agbã woƒe trɔ̃ƒewo, eye wòagbã woƒe legbawo." data/train/HOS/HOS_014_Verse_004.mp3,"Eƒe alɔdzewo atse nyuie, eƒe dzedzeme anɔ abe amiti ene, eye eƒe ʋeʋẽ anɔ abe Lebanon ƒe sedati ene." data/train/HOS/HOS_007_Verse_003.mp3,"“Efraim le abe ahɔnɛ movitɔ aɖe ene, eyɔa Egipte be wòakpe ɖe ye ŋuti, eye wòdzona yia Asiria." data/train/HOS/HOS_005_Verse_007.mp3,"Maɖu Efraim, agblẽ edome abe ale si gbagbladza ɖua avɔe ene, eye magblẽ Yuda dome abe ale si ŋɔ ɖua aŋgba ene." data/train/HOS/HOS_010_Verse_010.mp3,"“O Israel, èwɔ nu vɔ̃ tso Gibea ŋɔli ke, eye nègale ewɔwɔ dzi. Ɖe Gibea ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ mena woɖu wo dzi le aʋa me oa?" data/train/HOS/HOS_011_Verse_009.mp3,"Nyee lé Efraim ƒe alɔnu hefia azɔlizɔzɔe, gake menyae be nyee kpɔ ye ta o." data/train/HOS/HOS_010_Verse_013.mp3,"Wokaa atam dzodzrowo tsɔ ɖoa kpe nubabla dzii, eya ta ʋɔnudɔdrɔ̃ anye ɖe wo ŋuti abe ale si aɖigbe miena ɖe agble me ene." data/train/HOS/HOS_011_Verse_001.mp3,"Aʋa adzɔ le woƒe duwo me; woagbã woƒe agbo sesẽwo, eye woatɔ te woƒe ɖoɖowo." data/train/HOS/HOS_013_Verse_010.mp3,"“Nye ɖeka koe nye Yehowa, miaƒe Mawu, eye alea ko mele tso esime ke mekplɔ mi do goe tso Egipte. Mawu bubu aɖeke mele mia si o, negbe nye ko, elabena ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋutinye o." data/train/HOS/HOS_009_Verse_007.mp3,"Le afi sia la, womaɖe mɔ be miatsɔ wain asa vɔe na Yehowa o, elabena vɔsa siwo katã woawɔ le afi ma la ƒe ɖeke madze eŋu o; vɔsa siawo ŋuti mekɔ o, ɖeko wole abe kuteƒenuɖuɖu ene, eye ame siwo katã ɖui la, woawo hã ŋuti mekɔ o. Woate ŋu aɖu nu siawo be woaɖi ƒo, gake menye be woatsɔe asa vɔe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me o." data/train/HOS/HOS_011_Verse_007.mp3,"“Nye dukɔ agatrɔ ayi Egipte, eye Asiria aɖu wo dzi, elabena wogbe dzimetɔtrɔ." data/train/HOS/HOS_013_Verse_015.mp3,"Wo katã woabu vĩi abe afu ene, eye woaƒu enumake abe ahũ ene; woakaka abe ale si ya kakana atsakiti ene, eye woabu abe dzudzɔ ene." data/train/HOS/HOS_011_Verse_000.mp3,"Azɔ la, dukɔ la adi Yehowa. Aɖe gbe abe dzata ene. Ne eɖe gbe la, viawo atrɔ agbɔ kple dzodzo nyanyanya tso ɣetoɖoƒe." data/train/HOS/HOS_012_Verse_008.mp3,"Yakob si yi ɖe Siria, eye Israel subɔ be yeaɖe srɔ̃, eye be yeakpɔ ga abia nyɔnu ta la, ekplɔ alẽ." data/train/HOS/HOS_002_Verse_021.mp3,"Wo dada wɔ ahasi kple ŋutsu bubuwo, eye wodzi wo ɖe ŋukpe me hegblɔ be, ‘Mati ŋutsu bubuwo yome aku ɖe wo ŋuti, be woana nuɖuɖu, tsi, avɔ, ami kple aham.’" data/train/HOS/HOS_003_Verse_004.mp3,"Megblɔ nɛ be, “Ele be nànɔ gbɔnye ŋkeke geɖe; mègado go kple ŋutsu bubuwo alo awɔ gbolo o, ekema manye tɔwò ɖaa.”" data/train/HOS/HOS_005_Verse_000.mp3,"“Esi Efraim kpɔ eƒe dɔléle, eye Yuda hã kpɔ eƒe abiwo ta la, Efraim trɔ ɖe Asiria ŋu, eye wòdɔ ame ɖo ɖe fiagã la gbɔ, gake mate ŋu ada gbe le mia ŋu, ana miaƒe abiwo naku o." data/train/HOS/HOS_002_Verse_010.mp3,"Mabla wò ɖe ɖokuinye ŋu tegbee; matsɔ dzɔdzɔenyenye, nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ abla wò ɖe ɖokuinye ŋu." data/train/HOS/HOS_014_Verse_003.mp3,"“Ekema mada gbe le woƒe mɔtatra ŋu, eye magalɔ̃ wo kple dzi faa, elabena nye dɔmedzoe nu afa keŋ." data/train/HOS/HOS_004_Verse_010.mp3,"Mègate ɖe Efraim ŋu kura o, elabena edo ka kple legbawo." data/train/HOS/HOS_004_Verse_018.mp3,"Wosaa vɔ le towo tame, eye wodoa dzudzɔ le togbɛwo dzi, le ati gãwo ƒe vɔvɔli fafɛ te. Afi siae viwò nyɔnuwo wɔa gbolo le, eye wò toyɔvi nyɔnuwo wɔa ahasi le." data/train/HOS/HOS_004_Verse_000.mp3,"“Ame aɖeke megatsɔ nya ɖe nɔvia ŋu alo aka mo nɛ o, elabena wò dukɔ la le abe ame siwo le dzre wɔm kple nunɔlawo ene." data/train/HOS/HOS_004_Verse_013.mp3,"“Nu ka ta nyemahe to na wo ne wole ahasi wɔm o? Elabena ŋutsuwo ŋutɔ hã dɔna kple gbolowo, eye wosaa vɔ kple gbolowo. Ale ame siwo nye bometsilawo la atsrɔ̃." data/train/HOS/HOS_010_Verse_001.mp3,"Ekema woagblɔ be, “Fia aɖeke megale mía si o, elabena míede bubu Yehowa ŋu o. Ke ne fia le mía si hã la, nu ka wòawɔ na mí?”" data/train/HOS/HOS_008_Verse_010.mp3,"O Samaria, tsɔ wò nyivilegba si nèwɔ la ƒu gbe. Nye dɔmedzoe le bibim ɖe wo ŋu. Gbe ka gbe miana mia ŋuti nakɔ?" data/train/HOS/HOS_012_Verse_011.mp3,"Yehowa tsɔ nya ɖe Yuda hã ŋuti. Woahe to na Yakob hã le eƒe mɔ vɔ̃wo ta, eye woaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ." data/train/HOS/HOS_005_Verse_005.mp3,"Magblẽ wo ɖe aboyo me, atrɔ yi aƒe va se ɖe esime wolɔ̃ be yewodze agɔ, atrɔ ɖe ŋutinye, aɖe kuku nam, elabena ne fukpekpe dze wo dzi la, woadi nye mɔ.”" data/train/HOS/HOS_013_Verse_013.mp3,"“Togbɔ be eyae de ŋgɔ wu le nɔviawo dome hã la, ɣedzeƒeya tso Yehowa gbɔ aƒo tso gbegbe ava. Eƒe tsiwo amie, eye vudowo me aƒu kplakplakpla. Woaha eƒe nudzraɖoƒewo, eye woalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe." data/train/HOS/HOS_001_Verse_000.mp3,"Ale Hosea yi ɖaɖe Gomer, Dioblaim ƒe vinyɔnu, eye wòdzi ŋutsuvi nɛ." data/train/HOS/HOS_014_Verse_006.mp3,"Manɔ abe ahũdzadza ene na Israel, aƒo se nyuie abe dzogbenya ene, eye wòaƒo ke ɖe to abe Lebanon ƒe sedati ene." data/train/HOS/HOS_002_Verse_018.mp3,"Ne egbe gale edzi la, maɖe avɔ le eŋuti wòanɔ amama abe gbe si gbe wodzii ene, eye mana wòasɔ kple gbegbe, anɔ abe kuɖiɖinyigba ene, eye mana tsikɔ nawui wòaku." data/train/HOS/HOS_010_Verse_008.mp3,"Miƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku, ekema miaŋe nye lɔlɔ̃; miŋlɔ miaƒe dzi sesẽ la abe agble ene, elabena azɔe nye Yehowa diɣi, be wòava akɔ dzɔdzɔenyenye ɖe mia dzi." data/train/HOS/HOS_009_Verse_008.mp3,"Lugbɔƒewo kple wainfiaƒewo mana nuɖuɖu amewo o, eye woƒe aha yeye agblẽ." data/train/HOS/HOS_002_Verse_022.mp3,"Yehowa be, “Gbe ma gbe la ayɔm be, ‘Srɔ̃nye,’ ke menye ‘Nye Aƒetɔ’ o." data/train/HOS/HOS_005_Verse_001.mp3,"eye woaŋe Efraim, agbãe gudugudu, elabena eɖoe kplikpaa be yeadze legbawo yome." data/train/HOS/HOS_011_Verse_004.mp3,"Gbeɖe, nyemahe to na mi abe ale si nye dziku helĩhelĩ le gbɔgblɔm nam ene o, eye nyemagbã Efraim gudugudu hã o, elabena Mawue menye, eye menye amegbetɔe menye o. Nyee nye Kɔkɔetɔ si le mia dome eye nyemava le dziku me be magblẽ nu o." data/train/HOS/HOS_008_Verse_000.mp3,"Azɔ la, Israel le ɣli dom nam be, ‘Míaƒe Mawu, kpe ɖe mía ŋuti!’" data/train/HOS/HOS_005_Verse_015.mp3,"Yuda ƒe amegãwo le abe ame siwo ŋea liƒo ɖe eme la ene, eya ta matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi bɔbɔbɔ abe tɔɖɔɖɔ ene," data/train/HOS/HOS_008_Verse_003.mp3,"Gake Israel gbe nu le nu si nyo la gbɔ; azɔ la, eƒe futɔwo ati eyome." data/train/HOS/HOS_008_Verse_008.mp3,"Ne mede se akpe ewo nɛ hã la, ɖeko wòagblɔ be menye yee wode seawo na o, ke boŋ ame bubuwoe wode wo na." data/train/HOS/HOS_005_Verse_008.mp3,"Menya Efraim nyuie, eye Israel hã meɣla ɖem o. O Efraim, ètrɔ zu gbolo, eye Israel gblẽ kɔ ɖo na eɖokui." data/train/HOS/HOS_008_Verse_006.mp3,"Israel ŋlɔ eƒe wɔla be, eye wòtu fiasã gã dranyiwo. Yuda ɖo gli sesẽwo ƒo xlã eƒe duwo. Maɖo dzo ɖa wòafia woƒe duwo, eye wòabi woƒe mɔ sesẽwo.”" data/train/HOS/HOS_013_Verse_004.mp3,"“Ke azɔ la, woƒe aglãdzedze la va de ŋgɔ. Wotsɔ woƒe klosalo na aɖaŋuwɔlawo, ame siwo lolõ wo tsɔ wɔ legbawo le woawo ŋutɔ ƒe nunya nu. Wogblɔ tso dukɔ sia ŋu be wotsɔa amegbetɔ saa vɔe, eye wogbugbɔa nu na nyivilegbawo." data/train/HOS/HOS_001_Verse_007.mp3,"Gbedeasi gbãtɔe nye esi: Yehowa gblɔ na Hosea be, “Yi nàɖe ɖetugbi aɖe si nye gbolo, ale be vi siwo wòadzi na wò la, woanye ahasiviwo. Esia aɖe alakpanu siwo wɔm nye dukɔ la le ɖe ŋutinye la afia, wowɔ ahasi to mawu bubuwo subɔsubɔ me, eye wotrɔ le Yehowa yome.”" data/train/HOS/HOS_007_Verse_010.mp3,"Nyee he wo, eye mena wokpɔ ŋusẽ, gake azɔ la, wotsi tsitre ɖe ŋutinye." data/train/HOS/HOS_012_Verse_006.mp3,"Le dɔ me la, elé nɔvia ƒe afɔkpodzi, eye esi wòtsi zu ŋutsu la, ete kame kple Mawu." data/train/HOS/HOS_006_Verse_009.mp3,"Nyateƒe, mekpɔ nu dziŋɔwo le Israel. Efraim wɔ ahasi to mawu bubuwo yometiti me, eye Israel ya bliba ɖe ŋunyɔnu me." data/train/HOS/HOS_002_Verse_023.mp3,"Yehowa be: “Le ŋkeke ma dzi la, maɖo to dziƒowo ƒe gbe, dziƒowo hã aɖo to anyigba ƒe gbe," data/train/HOS/HOS_009_Verse_011.mp3,"Miaganɔ anyigba si nye Yehowa tɔ la dzi o, Efraim atrɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔwo le Asiria." data/train/HOS/HOS_001_Verse_005.mp3,"gake makpɔ nublanui na Yuda. Nye ŋutɔ mawɔ aʋa kple woƒe futɔwo, aɖe wo le woƒe asi me, gake menye to dati, yi, aʋawɔnuwo, sɔ kple sɔdolawo dzi o, ke boŋ to Yehowa, woƒe Mawu la dzi.”" data/train/HOS/HOS_010_Verse_011.mp3,"Woagbã vɔ̃ɖinyenye ƒe vɔsaƒe siwo le Aven, eyae nye Israel ƒe nu vɔ̃. Ŋu kple aŋɔka avu atsyɔ woƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Woagblɔ na towo be, “Mitsyɔ mía dzi,” eye woagblɔ na togbɛwo be, “Mimu dze mía dzi.”" data/train/HOS/HOS_009_Verse_000.mp3,"Efraim, tsɔtsrɔ̃ tu wò. Israel, wò kewo katã yrɔ, màgatse ku azɔ o, eye ne èdzi vi hã la, mawu ɖevi si gbɔ womelɔ̃ nu le o.”" data/train/HOS/HOS_004_Verse_004.mp3,"Eya ta mi kple míaƒe nyagblɔɖilawo miakli nu adze anyi le ŋdɔkutsu kple zã siaa, eye matsrɔ̃ mia dada Israel akpe ɖe mia ŋu." data/train/HOS/HOS_001_Verse_006.mp3,"Gbe ma gbe la, magbã Israel ƒe ŋusẽ le Yezreel ƒe balime.”" data/train/HOS/HOS_012_Verse_009.mp3,"Yehowa kplɔ eƒe dukɔ la do goe le Egipte to nyagblɔɖila aɖe dzi, eye wòdzɔ wo ŋuti, fia mɔ wo," data/train/HOS/HOS_008_Verse_005.mp3,"Israel gbã gudugudu, ɖeko wòle dukɔwo dome abe nu maɖinu ene," data/train/HOS/HOS_001_Verse_011.mp3,"“Ɣeyiɣi li gbɔna esi Israel akpɔ dzidzedze, azu dukɔ gã aɖe; le ɣe ma ɣi me la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o, elabena woasɔ gbɔ abe ƒutake ene! Ale be, le esi megblɔ na wo be, ‘Mienye nye dukɔ o’ teƒe la, magblɔ na wo be, ‘Mienye vinyewo, Mawu Gbagbe la ƒe viwo.’" data/train/HOS/HOS_005_Verse_006.mp3,"Manye dzata ɖe Efraim ŋu, eye manye dzatavi ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu. Nye, ɛ̃, nye ŋutɔ mavuvu wo ʋayaʋaya adzo; malé wo adzoe, eye ame aɖeke maxɔ wo le asinye o." data/train/HOS/HOS_002_Verse_013.mp3,"Matɔ te eƒe azãɖuɖuwo katã; eƒe ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyuiwo, dzinu yeyewo, Dzudzɔgbewo kple azãɖugbewo katã." data/train/HOS/HOS_010_Verse_000.mp3,"Efraim léa be na nyiviwo nyuie, eye blinyɔnyɔ hã dzɔa dzi nɛ; azɔ la matsɔ kɔkuti ade eƒe kɔ nyuie la, eye matsi ɖe tasiaɖam ŋu, Yuda aŋlɔ agble, eye Yakob adzobo anyigba" data/train/HOS/HOS_002_Verse_015.mp3,"Maɖo nye dukɔ Israel te na ɖokuinye le anyigba dzi, eye maɖe nye lɔlɔ̃ afia ame si meyɔ be ‘Menye nye lɔlɔ̃tɔe o.’ Magblɔ na ame siwo woyɔna be, ‘Mienye nye dukɔ o’ la be ‘Mienye nye dukɔ’; eye woawo hã agblɔ be, ‘Wòe nye mía Mawu.’ ”" data/train/HOS/HOS_007_Verse_008.mp3,"Le miaƒe fia ƒe ŋkekenyui dzi la, dumegãwo noa wain muna hebɔa ha kple fewuɖulawo." data/train/HOS/HOS_001_Verse_010.mp3,"Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loami, si gɔmee nye, ‘Menye tɔnyee o,’ elabena Israel menye tɔnye o, eye nye hã nyemenye eƒe Mawu o." data/train/HOS/HOS_014_Verse_001.mp3,"Amewo aganɔ anyi ɖe eƒe vɔvɔli te bɔkɔɔ, aʋã abe bli ene, aƒo se abe wainti ene, eye axɔ ŋkɔ abe Lebanon ƒe wain ene." data/train/HOS/HOS_004_Verse_006.mp3,"eye wotsɔ wo ɖokuiwo na gbolowɔwɔ, wain, kple aha yeye, eye nu siawo na nye dukɔ zu bometsilawo." data/train/HOS/HOS_009_Verse_010.mp3,"Meɖo nyagblɔɖilawo be woadzɔ Efraim ŋu, gake dukɔ la xe mɔ na wo le mɔ ɖe sia ɖe nu, woɖe woƒe fulélewo fia le dutoƒo, eye wowɔ esia hã le Mawu ƒe gbedoxɔ me gɔ̃ hã." data/train/HOS/HOS_003_Verse_001.mp3,"Emegbe la, woatrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, eye woayi woƒe Fia gbɔ. Woatsɔ dzodzo nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyonyo gbɔ le ŋkeke mamlɛawo me." data/train/HOS/HOS_012_Verse_004.mp3,"gake Efraim do dɔmedzoe na Yehowa vevie. Eƒe Aƒetɔ la ana eƒe nu vɔ̃wo ƒe ʋu nava eƒe ta dzi, eye wòaɖo eteƒe nɛ." data/train/HOS/HOS_006_Verse_003.mp3,"Gilead nye nu tovo wɔlawo ƒe du, eye ʋu si woƒe afɔwo ƒo la ɖe ɖe woƒe ablɔwo dzi." data/train/HOS/HOS_012_Verse_014.mp3,"Ɛ̃, ete kame kple mawudɔla, eye wòɖu edzi gɔ̃ hã. Efa avi heɖe kuku nɛ be wòayra ye. Edo go Mawu le Betel, ƒo nu kplii le afi ma." data/train/HOS/HOS_013_Verse_001.mp3,"Efraim se veve abe nyɔnu si le ku lém la ene, gake ele abe vi manyanu ene, elabena ne eƒe ɣeyiɣi de la, medoa ta ɖe vidzidɔ nu o." data/train/HOS/HOS_008_Verse_002.mp3,elabena wodzo yi Asiria hele tsatsam abe gbetedziwo ene. Efraim tsɔ eɖokui dzra na ahiãviwo. data/train/HOS/HOS_005_Verse_013.mp3,"Woagbã Efraim gudugudu ne ʋɔnudrɔ̃gbe la ɖo. Le Israel ƒe toawo dome la, nu siwo mena wo nya la ava eme godoo." data/train/HOS/HOS_005_Verse_003.mp3,Israel ƒe aglãdzedze ɖi ɖase tso eŋuti le nye ʋɔnu. Efraim kple Yuda woadze anyi le woƒe nu vɔ̃ ta. data/train/HOS/HOS_013_Verse_005.mp3,"Ke esi mieɖu nu ɖi ƒo vɔ la, dada yɔ mia me, mieŋlɔm be," data/train/HOS/HOS_008_Verse_014.mp3,"Woɖo fiawo, gake womebia gbem hafi o, eye wotia dumegã siwo dzi nyemeda asi ɖo o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe na wo ɖokui hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃." data/train/HOS/HOS_010_Verse_006.mp3,"Kpɔ ale si kesinɔnuwo yɔ Israel ɖa! Israel le abe wainka si vu, eye wòtse ku kplanya la ene. Ale si ke wòtse ku geɖewoe la, nenema ke wòtua vɔsamlekpuiwoe. Zi ale si meyra ɖe eƒe anyigba dzi la, zi nenema ke wòliaa legba dzɔtsuwoe." data/train/HOS/HOS_004_Verse_011.mp3,"Mietaa nu, hedaa alakpa, wua ame, fia fi, eye miewɔa ahasi kpena ɖe eŋu. Ʋunyaʋunya kple amewuwu bɔ ɖe afi sia afi." data/train/HOS/HOS_006_Verse_005.mp3,"Le ŋkeke eve megbe la, agbɔ agbe mí, le ŋkeke etɔ̃a gbe la, aɖo mí te, eye míanɔ agbe le eŋkume!" data/train/HOS/HOS_007_Verse_012.mp3,"Wo katã woxɔ dzo abe kpodzo ene, eye wofiaa woƒe kplɔlawo. Woƒe fiawo katã mu dze anyi, gake ɖeke meyɔm kpɔ o." data/train/HOS/HOS_007_Verse_002.mp3,"Dua me tɔwo hã mede dzesii be nye ŋku le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ dzi o. Woƒe nu vɔ̃ ɖe to ɖe wo godoo va kpe, eya ta mele wo katã kpɔm." data/train/HOS/HOS_013_Verse_008.mp3,"“Maɖe wo tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me, eye maxɔ wo le ku ƒe asi me. O ku, afi ka wò ŋɔdzi la le? O tsiẽƒe, afi ka wò gbegblẽ la le? Elabena nyemakpɔ nublanui o." data/train/HOS/HOS_001_Verse_004.mp3,"Eye Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Yezreel, elabena madidi o la, mahe to na Yehu ƒe aƒe la le ʋu si wokɔ ɖe anyi le Yezreel ta, eye matsi Israel ƒe fiaɖuƒe la nu." data/train/HOS/HOS_005_Verse_012.mp3,"Mlɔeba la, woava do kple woƒe alẽwo kple nyiwo be woasa vɔ na Yehowa, gake womakpɔe o, elabena eɖe eɖokui ɖa tso wo gbɔ." data/train/HOS/HOS_007_Verse_013.mp3,"Womedo ɣli nam tso woƒe dzi me o, ke wofa avi le woƒe abawo dzi. Woƒoa ƒu ɖe bli kple aha yeye ŋuti, ke nye la, wotrɔ le yonyeme." data/train/HOS/HOS_012_Verse_007.mp3,"Medɔ nye nyagblɔɖilawo be woaxlɔ̃ nu mi to ŋutega, drɔ̃ekuku kple lododowo me.”" data/train/HOS/HOS_013_Verse_007.mp3,"Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi dzoe ene, mavuvu wo akɔ ɖi abe dzatanɔ ene. Lã wɔadã aɖe avuvu wo viwo akɔ ɖi." data/train/HOS/HOS_004_Verse_014.mp3,"Nunɔlawo hã kpɔa dzidzɔ le ameawo ƒe nu vɔ̃ ŋu, eye woɖunɛ abe nuɖuɖu ene," data/train/HOS/HOS_009_Verse_005.mp3,"eye ne viwòwo tsi la, maxɔ wo le asiwò, atsrɔ̃ wo. Baba na mi, ne metrɔ dzo le mia gbɔ. Anye blanuiléle ƒe ŋkeke." data/train/HOS/HOS_013_Verse_009.mp3,"Mekpɔ mia ta le gbedzi, le kuɖiɖinyigba ma dzi." data/train/HOS/HOS_011_Verse_006.mp3,"Mekplɔ wo kple dɔmenyo ƒe ka, eye mebla wo kple lɔlɔ̃. Meɖe kɔkuti la le woƒe kɔ, eye mebɔbɔ na nuɖuɖu wo." data/train/HOS/HOS_002_Verse_002.mp3,"Azɔ maɖe amamae le dutoƒo be eƒe lɔlɔ̃tɔwo nakpɔ, eye ame aɖeke mate ŋu axɔe le asinye o." data/train/HOS/HOS_009_Verse_016.mp3,"Toheɣi na Israel ɖo vɔ; nu vɔ̃ ƒe akɔntanaɣi ɖo vɔ, eye kpuie la, Israel anya nu si wònye. Esi wò nu vɔ̃wo li kɔ gleglegle, eye fuléle yɔ mewò fũu ta la, nyagblɔɖila zu bometsila, eye ame si me Mawu ƒe gbɔgbɔ le la zu tsukunɔ." data/train/HOS/HOS_007_Verse_011.mp3,"Wo katã wonye ahasitɔwo sɔŋ. Abe ale si abolomela doa kpodzo wòbinae va se ɖe esime eƒe abolomɔ la ho hafi wòlɔnɛ ene la, nenema ke ame siawo ƒe dzi nɔa bibim ɖe ahasiwɔwɔ ŋu." data/train/HOS/HOS_002_Verse_016.mp3,"Menyae be nyee naa bli, aha yeye, ami, sika kple klosalo si wòtsɔ le eƒe mawu, Baal subɔmii la ye o." data/train/HOS/HOS_008_Verse_001.mp3,"“Efraim tu vɔsamlekpui geɖewo, hena nu vɔ̃ vɔsa, gake menye nyee wòtu wo na o. Wotu wo hena nu vɔ̃ wɔwɔ." data/train/HOS/HOS_013_Verse_016.mp3,"Woƒo Efraim ƒe vodadawo nu ƒu, eye wodzra eƒe nu vɔ̃wo ɖo ɖe agbalẽ me." data/train/HOS/HOS_010_Verse_005.mp3,"Ke miede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble, miexa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, mieɖu alakpakutsetse; elabena mieɖo ŋu ɖe miaƒe ŋusẽ kple aʋakɔ gã la ŋu." data/train/HOS/HOS_001_Verse_001.mp3,"Ekema Yudatɔwo kple Israelviwo awɔ ɖeka, eye woaɖo fia ɖeka; wo katã woatrɔ tso aboyome ɖekae, eye Yezreel ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã aɖe ŋutɔ.”" data/train/HOS/HOS_013_Verse_002.mp3,"eya ta mava dze mia dzi abe dzata ene, made xa ɖe mɔ to na mi abe lãklẽ ene." data/train/HOS/HOS_014_Verse_002.mp3,"Asiria mate ŋu axɔ na mí le aʋa me o, eye míaƒe aʋawɔsɔwo hã mate ŋu aɖe mí o; míagayɔ legba siwo míewɔ kple asi la be míaƒe mawuwo azɔ o, elabena wò Yehowa ɖeɖe gbɔ ko tsyɔ̃eviwo kpɔa nublanuikpɔkpɔ le.”" data/train/HOS/HOS_009_Verse_015.mp3,"O Yehowa, nu ka nàtsɔ ana wò amewo? Nu siwo nàtsɔ na wo lae nye vidzidɔ si mate ŋu atsɔ fu o kple no siwo me notsi manɔ o." data/train/HOS/HOS_002_Verse_014.mp3,"Maɖe Baalwo ƒe ŋkɔwo ɖa le ŋuwò, eye màgaƒo ŋkɔ ɖo na wo azɔ o." data/train/HOS/HOS_010_Verse_015.mp3,"Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le woƒe nyivimawu si le Bet Aven ta. Esubɔlawo le nu xam le eta, eye vodua ƒe nunɔlawo axa nu le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ la ta." data/train/HOS/HOS_004_Verse_002.mp3,"Esiawo tae miaƒe anyigba megale nuku wɔm o ɖo, anyigba la dzi yɔ fũu kple nuxaxa, nu gbagbe ɖe sia ɖe le dɔ lém, eye ɖewo le kukum; lãwo, dziƒoxeviwo kple tɔmelãwo gɔ̃ hã le tsɔtsrɔ̃m." data/train/HOS/HOS_009_Verse_003.mp3,"Elabena ne wosi le gbegblẽ nu la, Egipte aƒo wo nu ƒu, eye Memfis aɖi wo. Woƒe klosalonu veviwo alé ɣebia, eye aŋɔka avu atsyɔ woƒe agbadɔwo dzi." data/train/HOS/HOS_010_Verse_012.mp3,Woakplɔ Samaria kple eƒe fia adzoe abe ale si ƒutsotsoe kplɔa futukpɔ dzonae ene. data/train/HOS/HOS_002_Verse_001.mp3,"anyigba hã aɖo to bli, aha yeye kple ami, eye woawo hã woaɖo to Yezreel ƒe gbe." data/train/HOS/HOS_004_Verse_008.mp3,"Le simadzemadze ta nye amewo le tsɔtsrɔ̃m, esi mi, nunɔlawo, miedo vlo sidzedze ta la, nye hã megbe be miaganye nye nunɔlawo o, eye esi mieŋlɔ miaƒe Mawu ƒe sewo be ta la, nye hã maŋlɔ mia viwo be." data/train/HOS/HOS_001_Verse_009.mp3,"Sẽe kple sẽe la, Gomer gafɔ fu, eye wòdzi nyɔnuvi. Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loruhama, si gɔmee nye, ‘Nyemagakpɔ nublanui nɛ o,’ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel, atsɔ vɔ̃ akee o," data/train/HOS/HOS_004_Verse_016.mp3,"“Togbɔ be Israel le gbolo wɔm hã la, esia wɔwɔ nete ɖa xaa tso Yuda gbɔ. “Mègayi Gilgal o, eye mègayi Bet Aven o. Mègaka atam agblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ o." data/train/HOS/HOS_007_Verse_007.mp3,"Israel ƒe dada le ɖase dim le eŋuti; esi nu siawo katã le dzɔdzɔm hã la, metrɔ va Yehowa, eƒe Mawu la gbɔ be yeadii o." data/train/HOS/HOS_007_Verse_005.mp3,"Gake ne woyi la, matsɔ nye ɖɔ atsyɔ wo; maɖiɖi wo ava anyie abe xevi si le dzodzom le yame ene. Ne mese wole ƒu ƒom la, mayi aɖalé wo." data/train/HOS/HOS_007_Verse_014.mp3,"Wometrɔ ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu o. Wole abe dati si daa dadagbo la ene, eya ta woƒe kplɔlawo atsi yi nu ɖe nya vlo si dona le woƒe nu me la ta. Esia ta woaɖe alɔme le wo ŋuti le Egiptenyigba dzi." data/train/HOS/HOS_005_Verse_010.mp3,"“Miku lãdzo le Gibea, eye miaku kpẽ le Rama. Mido aʋaɣli sesĩe le Bet Aven. O Benyamin, kpɔ megbewò ɖa!" data/train/HOS/HOS_007_Verse_016.mp3,"Woƒe dziwo bina abe kpodzo ene, eye woyia egbɔ le ayedzedze me. Woƒe didiwo ɖea fu na wo le zã blibo la me eye le ŋdi la, wonɔna abe dzo ƒe aɖewo ene." data/train/HOS/HOS_009_Verse_012.mp3,"Nu tovo siwo wɔm nye dukɔ le la, le abe movinu siwo wowɔ le Gibea gbe aɖe gbe va yi ene. Mawu aɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi, eye wòahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta." data/train/HOS/HOS_006_Verse_002.mp3,"gake abe Adam ene la, mietu nye nubabla la, eye miewɔ nuteƒe o." data/train/HOS/HOS_013_Verse_012.mp3,"Samaria azu aƒedo, elabena edze aglã ɖe Mawu ŋu. Woatsi yi nu, woalé vidzĩwo axlã ɖe anyi woaku, eye woako woƒe funɔwo kple yi agbagbee.”" data/train/HOS/HOS_002_Verse_006.mp3,"“Ke azɔ la, maxɔ wain kple bli siwo menanɛ la le esi, eye maxɔ avɔ siwo katã metso nɛ be wòata la le esi." data/train/HOS/HOS_004_Verse_003.mp3,"eya ta ale wòle: Nunɔlawo kple ameawo katã sɔ, elabena nunɔlaawo vɔ̃ɖi, eye ameawo hã vɔ̃ɖi. Esia ta, mahe to na nunɔlaawo kple ameawo siaa le woƒe nu vɔ̃ɖiwo ta." data/train/HOS/HOS_009_Verse_004.mp3,"“Esi medo go Israel la, enɔ nam abe waintsetse le gbegbe ene; esi medo go wo fofowo la, enɔ nam abe gbotsetse gbãtɔ le gboti dzi ene. Ke esi wova Baal Peor gbɔ la, wotsɔ wo ɖokuiwo na ŋukpenalegba la eye woɖi gbɔ̃ abe legba si ŋu woku ɖo la ene." data/train/HOS/HOS_008_Verse_009.mp3,"Nu siawo dzɔ tso Israel, nyivilegba si gbede tu la, menye Mawu o, eya ta woagbã Samaria ƒe nyivi la gudugudu." data/train/HEB/HEB_003_Verse_012.mp3,"Eye ame kawoe Mawu ka atam na be womage ɖe yeƒe dzudzɔƒe la me gbeɖe o, ne menye ame siwo sẽ to lae oa?" data/train/HEB/HEB_011_Verse_018.mp3,"To xɔse me esi woyɔ Abraham be wòayi teƒe si wòava xɔ wòazu eƒe domenyinu la, eɖo to, eye wòyi, togbɔ be menya afi si yim wònɔ o hã." data/train/HEB/HEB_010_Verse_009.mp3,"Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo o, elabena miaƒe dzideƒo ahe fetu geɖe vɛ na mi." data/train/HEB/HEB_012_Verse_017.mp3,"Mibu fukpekpe gã si me wòto le nu vɔ̃ wɔlawo si me ŋu, ale be miagagbɔdzɔ, eye dzi naɖe le mia ƒo o." data/train/HEB/HEB_010_Verse_001.mp3,"Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo dzi azɔ o.”" data/train/HEB/HEB_010_Verse_032.mp3,"Ne ɖe vɔsa mawo te ŋu wɔ wo blibo la, ne womedzudzɔ vɔsasa oa? Elabena anye ne vɔsa la kɔ ame siwo sanɛ la ŋuti zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, eye woƒe dzitsinyawo magabu fɔ wo le woƒe nu vɔ̃wo ta o." data/train/HEB/HEB_007_Verse_012.mp3,"Eya ta ŋusẽ le esi be wòaɖe ame siwo va Mawu gbɔ to eya amea dzi la blibo, elabena ele agbe tegbee le nya xɔm ɖe akɔ na wo." data/train/HEB/HEB_011_Verse_020.mp3,"To xɔse me ewɔ nɔƒe ɖe ŋugbedodonyigba la dzi, eye wònɔ afi ma abe amedzro si le dzronyigba dzi la ene, elabena enɔ avɔgbadɔwo me. Nenema kee nye Isak kple Yakob ame siwo hã nye ŋugbedodo ma ke ƒe domenyilawo kplii." data/train/HEB/HEB_001_Verse_012.mp3,"Mawudɔla kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo woazu afɔɖodzinu na wò”?" data/train/HEB/HEB_004_Verse_012.mp3,"Eya ta mina míadze agbagba ɖe sia ɖe be míage ɖe dzudzɔ ma me, eye be ame aɖeke magatsi mɔta to tomaɖomaɖo me abe ŋgɔdoawo ene o." data/train/HEB/HEB_009_Verse_015.mp3,"Mege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me to gbɔ̃wo kple nyiviwo ƒe ʋu me o, ke boŋ ege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ɔ hena ɣeyiɣiwo katã to eya ŋutɔ ƒe ʋu me, esia me wòto xɔ ɖeɖe mavɔ na mí." data/train/HEB/HEB_013_Verse_009.mp3,Medi vevie be maƒoe ɖe mia nu tɔxɛe be miado gbe ɖa be woaɖe asi le ŋutinye na mi kpuie. data/train/HEB/HEB_011_Verse_019.mp3,"To xɔse me esime Yosef ƒe kuɣi ɖo la, eƒo nu tso Israelviwo ƒe gododo le Egipte ŋuti, eye wògblɔ ɖoɖo tso eƒe ƒuwo ŋuti na wo." data/train/HEB/HEB_005_Verse_009.mp3,"Ke nuɖuɖu sesẽ nye ame tsitsiwo tɔ, ame siwo to eŋudɔwɔwɔ atraɖii me he wo ɖokuiwo be woate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome." data/train/HEB/HEB_004_Verse_011.mp3,"Eya ta Mawu gaɖo ŋkeke bubu anyi si wòyɔ be “Egbe.” Ewɔ esia le ɣeyiɣi geɖe megbe esi wòƒo nu na David abe ale si míegblɔe va yi ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzi me o.”" data/train/HEB/HEB_008_Verse_003.mp3,"Esi wònye nunɔlagã ɖe sia ɖe ƒe dɔ be wòasa vɔ, eye wòana nuwo la, ele na Kristo hã be wòana nane." data/train/HEB/HEB_011_Verse_000.mp3,"Abraham dze sii be Mawu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye woate ŋu agblɔe ko be exɔ Isak tso ku me." data/train/HEB/HEB_010_Verse_033.mp3,"Nunɔla la wɔa eƒe vɔsasadɔwo gbe sia gbe, eye nenema ke wòwɔ vɔsa mawo ke edziedzi, vɔsa siwo mate ŋu aɖe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o." data/train/HEB/HEB_001_Verse_013.mp3,"Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo." data/train/HEB/HEB_008_Verse_000.mp3,"Ame aɖeke magafia nu ehavia alo afia nu nɔvia ŋutsu agblɔ be, ‘Dze si Aƒetɔ la’ o, elabena wo katã woanyam tso ɖeviwo dzi, va se ɖe tsitsiawo dzi." data/train/HEB/HEB_012_Verse_008.mp3,"Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame siwo naa hehe mí, eye míetsɔ bubu na wo ɖe eta. Ke hã la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Fofo gbɔgbɔmetɔ te ɣe sia ɣi be míanɔ agbe!" data/train/HEB/HEB_007_Verse_026.mp3,"Psalmoŋlɔla ɖe nu sia fia mi kɔtɛe esi wògblɔ tso Kristo ŋuti bena, “Wòe nye nunɔla le Melkizedek ƒe ɖoƒe nu tso mavɔ me yi mavɔ me.”" data/train/HEB/HEB_003_Verse_019.mp3,"Ɖe míeva be míakpɔ gome le Kristo me, nenye be míelé dzideƒo si le mía si le gɔmedzedzea me la me ɖe asi sesĩe ko." data/train/HEB/HEB_013_Verse_010.mp3,Mido gbe na miaƒe kplɔlawo katã kple Mawu ƒe ameawo katã. Nɔvi siwo tso Italia hã do gbe na mi. data/train/HEB/HEB_010_Verse_031.mp3,"Ne míebua le nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, esi míenya nyateƒe la vɔ megbe la, vɔsasa ɖe nu vɔ̃wo ta aɖeke megali o," data/train/HEB/HEB_009_Verse_008.mp3,"Esiae nye nufiafia tso fifia ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti, esi le asi tɔm edzi be nunana kple vɔsa siwo wowɔna na Mawu la mate ŋu aɖe vɔ̃ ɖa le ame si le subɔsubɔ wɔm la ƒe susu me o." data/train/HEB/HEB_007_Verse_015.mp3,gake Yesu ya le agbe tegbetegbe. Seɖoƒe meli na eya ƒe nunɔladɔ o. data/train/HEB/HEB_001_Verse_002.mp3,"Egagblɔ be, “O Aƒetɔ, le gɔmedzedzea me la eɖo xexea me ƒe gɔmeɖokpe anyi, eye dziƒowo hã nye wò asinudɔwɔwɔ." data/train/HEB/HEB_003_Verse_015.mp3,"Ke mide dzi ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe, zi ale si ɣeyiɣi li, ale be mia dometɔ aɖeke ƒe dzi maku atri to nu vɔ̃ ƒe beble me o." data/train/HEB/HEB_011_Verse_004.mp3,"ame siwo to xɔse me xɔ fiaɖuƒewo, ɖu dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye woƒe asi su nu si ƒe ŋugbe wodo la dzi. Ame siawo de ga nu na dzatawo," data/train/HEB/HEB_011_Verse_035.mp3,"womeɖi naneke le xexe sia me o. Wonɔ tsaglãla tsam le gbedzi, towo dzi, agadowo me kple agakpetowo me le anyigba dzi." data/train/HEB/HEB_011_Verse_011.mp3,"Mawu wɔ ɖoɖo si nyo wu la ɖe mía ŋuti, ale be ne wowɔ ɖeka kpli mí la hafi ko woade blibo." data/train/HEB/HEB_007_Verse_021.mp3,"Mawu ƒe atamkaka kpe ɖe esiawo katã ŋu, ke ame bubuwo ya ɖua nunɔla atamkakamanɔmee," data/train/HEB/HEB_009_Verse_016.mp3,"Ne ele alea la, ele na Kristo be wòatsɔ eɖokui ana fukpekpe zi geɖe tso esime ke woɖo xexea me gɔme anyi, gake azɔ la, eva zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã le ɣeyiɣi siawo ƒe nuwuwu be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa to eɖokui tsɔtsɔ sa vɔe me." data/train/HEB/HEB_007_Verse_017.mp3,"ke Yesu ya ɖu nunɔla to Mawu ƒe atamkaka me, elabena Mawu gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ la ka atam, eye matrɔ eƒe susu o, ‘Wò la, nunɔlae nènye tegbetegbe.’ ”" data/train/HEB/HEB_003_Verse_011.mp3,"Eye ame kawo ŋue wòdo dziku ɖo hena ƒe blaene sɔŋ? Ɖe menye ame siwo wɔ nu vɔ̃, eye woƒe ŋutilã kukuwo tsi gbea dzi lae oa?" data/train/HEB/HEB_007_Verse_002.mp3,"Ame siwo nye nunɔlawo esi woxɔ nu ewolia la nye amegbetɔwo; ŋutilã kple ʋu si kuna. Ke hena Melkizedek ya la, wogblɔ le eŋuti be egale agbe." data/train/HEB/HEB_011_Verse_012.mp3,"Nenye be du si me wotso la ŋuti bum wonɔ la, anye ne mɔnukpɔkpɔ anɔ wo si be woatrɔ ayi." data/train/HEB/HEB_011_Verse_036.mp3,"Woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa ɖe eve, eye wowu wo kple yi. Wonɔ yiyim le alẽgbalẽwuwo kple gbɔ̃gbalẽwuwo me le ahedada gã aɖe me. Woti wo yome, eye wosẽ ŋuta le wo ŋu," data/train/HEB/HEB_001_Verse_006.mp3,"Eye esi Mawu dɔ via ŋgɔgbea ɖe xexea me la, egblɔ be, “Ele be mawudɔlawo katã nasubɔe.”" data/train/HEB/HEB_013_Verse_005.mp3,"Eya ta mina míatsɔ kafukafuvɔsa na Mawu ɣe sia ɣi to Yesu dzi, kafukafu siwo nye kutsetse tso nuyi siwo ʋua Yesu ƒe ŋkɔ me la me." data/train/HEB/HEB_011_Verse_029.mp3,"To xɔse me Yakob yra Yosef viŋutsuwo le esime eƒe kuɣi ɖo, eye wòziɔ ɖe eƒe atitɔɖeŋu ŋuti hesubɔ Mawu." data/train/HEB/HEB_009_Verse_018.mp3,Nenema ke wòhlẽ ʋu ɖe agbadɔ la kple nu siwo katã ŋuti dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la ŋuti. data/train/HEB/HEB_012_Verse_002.mp3,"elabena Aƒetɔ la ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo, eye wòhea to na ame sia ame si wòxɔ abe Via ŋutsu ene.”" data/train/HEB/HEB_013_Verse_019.mp3,"Miɖo ŋku miaƒe kplɔlawo dzi, ame siwo gblɔa Mawu ƒe nya na mi. Mibu nu siwo do go tso woƒe agbenɔnɔ me la ŋuti ne miasrɔ̃ woƒe xɔse." data/train/HEB/HEB_009_Verse_024.mp3,"Wotsɔ xɔmetsovɔ tso xɔ sia mee, eye woyɔ agbadɔ si le xɔmetsovɔa megbe la be, Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe." data/train/HEB/HEB_007_Verse_003.mp3,"Azɔ la, se la bia tso Levi ƒe viwo ame siwo nye nunɔlawo la si be woaxɔ nu ewolia le woƒe dukɔmeviwo si, ame siwo nye wo nɔviwo, togbɔ be wo nɔviawo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo hã." data/train/HEB/HEB_004_Verse_003.mp3,Ekema dzudzɔ si woyɔna be Dzudzɔgbe dzudzɔ la li godoo na Mawu ƒe amewo. data/train/HEB/HEB_010_Verse_005.mp3,"Elabena to vɔsa ɖeka si wòwɔ me la, ewɔ ame siwo ŋuti kɔm wòle la blibo tegbetegbe le Mawu ƒe ŋkume." data/train/HEB/HEB_008_Verse_004.mp3,"eyae subɔna le gbedoxɔ kple agbadɔ vavãtɔ si le dziƒo la me. Gbedoxɔ sia menye esi amegbetɔ tsɔ eƒe asi tui o, ke boŋ Aƒetɔ la ŋutɔe tui." data/train/HEB/HEB_011_Verse_024.mp3,"To xɔse me míese egɔme be Mawu ɖe gbe, eye xexea me va dzɔ, ale be wòwɔ nu si wokpɔna la tso nu si womekpɔna o la me." data/train/HEB/HEB_010_Verse_014.mp3,Eye mina míabu ale si míado ŋusẽ mía nɔewo la ŋuti be woayi dzi le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me. data/train/HEB/HEB_009_Verse_001.mp3,"Afi si woŋlɔ domenyigbalẽ da ɖi le la, ehiã be ame si ŋlɔ agbalẽ sia naku hafi," data/train/HEB/HEB_010_Verse_007.mp3,Enye ŋɔdzinu be ame aɖe nage ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me. data/train/HEB/HEB_010_Verse_008.mp3,"“Esia nye nu si mabla kpli wo le ɣeyiɣi ma megbe, Yehowae gblɔe. Matsɔ nye sewo ade woƒe dziwo me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe susuwo me.”" data/train/HEB/HEB_006_Verse_018.mp3,"Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be míele nu ƒom alea hã la, kakaɖedzi le mía si be nya siawo meku ɖe mia ŋu o. Ke boŋ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le ku nyuiwo tsem le miaƒe agbe me." data/train/HEB/HEB_012_Verse_005.mp3,"Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta, eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me," data/train/HEB/HEB_009_Verse_006.mp3,"Esi Mose ɖe gbeƒã se ɖe sia ɖe si le segbalẽa me na dukɔa la, etsɔ nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu, tsi, ɖetifufu dzĩ kple kakle, eye wòtsɔe hlẽ ʋu ɖe segbalẽ kple dukɔ la katã ŋuti." data/train/HEB/HEB_011_Verse_013.mp3,"To xɔse me Abel tsɔ vɔsasa si nyo wu Kain tɔ la na Mawu. To xɔse me wokafui be enye ame dzɔdzɔe esi Mawu ƒo nu nyui tso eƒe vɔsa la ŋu. To xɔse me wògale nu ƒom ko, togbɔ be eku hã." data/train/HEB/HEB_005_Verse_010.mp3,"Le nyateƒe me la, togbɔ be fifia ele be mianye nufialawo hã la, miegahiã ame aɖe kokoko be wòagagbugbɔ afia gɔmedzenuwo mi tso Mawu ƒe nya ƒe nyateƒewo ŋu. Miehiã notsi, ke menye nuɖuɖu sesẽ o!" data/train/HEB/HEB_011_Verse_034.mp3,"Wogbɔ agbe nyɔnu siwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku, eye wotsɔ wo na wo agbagbe. Wowɔ funyafunya ame bubuwo, eye wogbe be womegana ablɔɖe yewo o, ale be tsitretsitsi si nyo wu la nasu yewo si." data/train/HEB/HEB_010_Verse_038.mp3,"Tso ɣe ma ɣi la, ele lalam be woatsɔ eƒe futɔwo awɔ eƒe afɔɖodzinui." data/train/HEB/HEB_010_Verse_006.mp3,"Ele be miado vevie, ale be ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo la." data/train/HEB/HEB_012_Verse_011.mp3,"Ke mieŋlɔ dzideƒonya si yɔ mi be viŋutsuwo la be. Nya lae nye be, “Vinye ŋutsu, mègado vlo Aƒetɔ la ƒe amehehe, eye dzi megaɖe le ƒowò, ne eka mo na wò o," data/train/HEB/HEB_010_Verse_029.mp3,"mina míate ɖe Mawu ŋu le dzi vavã me kple xɔse ƒe kakaɖedzi blibo la me kple dzi siwo ŋu wohlẽ ʋu ɖo be wòaklɔ mía ŋuti tso dzitsinya vɔ̃ɖiwo me, eye wòale tsi na míaƒe ŋutilãwo kple tsi zɔzrɔ̃e." data/train/HEB/HEB_006_Verse_010.mp3,"Ke ne anyigba la mie ŋuwo kple aŋɔkawo la, meganyo na naneke o, eye ŋɔdzi li be ele fiƒode te. Mlɔeba la, woatɔ dzoe." data/train/HEB/HEB_011_Verse_023.mp3,"To xɔse me Israelviwo tso Ƒu Dzĩ la abe anyigba ƒuƒui dzie wozɔ ene, gake esi Egiptetɔwo hã dze agbagba be yewoawɔ nenema la, wo katã tsi Ƒu Dzĩ la me." data/train/HEB/HEB_003_Verse_008.mp3,"Eya ta le nye dziku me la, meka atam gblɔ be, ‘Womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.’ ”" data/train/HEB/HEB_009_Verse_000.mp3,"Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la," data/train/HEB/HEB_006_Verse_014.mp3,"Míedi be ame aɖeke nazu kuviatɔ o, ke boŋ ame sia ame nasrɔ̃ ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi nu si ŋugbe wodo na wo la ƒe dome ƒe kpɔɖeŋu." data/train/HEB/HEB_011_Verse_028.mp3,"To xɔse me wokɔ Enɔk dzoe tso agbe sia me, ale be meɖɔ ku kpɔ o, ale womegakpɔe o, elabena Mawu kɔe dzoe. Elabena hafi woakɔe dzoe la, wogblɔ tso eŋu be Mawu kpɔ ŋudzedze le eya amea ŋuti." data/train/HEB/HEB_010_Verse_026.mp3,"Miefa konyi kple ame siwo wode gaxɔ me, eye esi woxɔ miaƒe nunɔamesiwo le mia si akpasesẽtɔe la, miexɔe kple dzidzɔ, elabena miawo ŋutɔ mienyae be nunɔamesi siwo nyo sãa wu, eye womenyunyɔna o la le mia si." data/train/HEB/HEB_003_Verse_002.mp3,"Afi ma mia fofowo dom kpɔ, eye wotem kpɔ le, eye wokpɔ nu si mewɔ ƒe blaene." data/train/HEB/HEB_005_Verse_011.mp3,Nunɔlagã sia tea ŋu gbɔa dzi ɖi na numanyala siwo le mɔ tram la esi eya ŋutɔ hã nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ le mɔ geɖewo nu. data/train/HEB/HEB_008_Verse_007.mp3,"Ke Mawu ŋutɔ kpɔ vodada le eƒe dukɔ la ŋu, eye wògblɔ be, “Aƒetɔ la be ŋkeke li gbɔna esi dzi mabla nu yeye kple Israel kple Yuda ƒe aƒewo." data/train/HEB/HEB_009_Verse_014.mp3,"Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la, eku be wòazu fexexe ɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te la ta." data/train/HEB/HEB_003_Verse_000.mp3,"Abe ale si ame si tso aƒe nyui aɖe xɔa kafukafu wu aƒe si wòtso ene la, nenema kee Yesu hã dze na bubu wu Mose." data/train/HEB/HEB_002_Verse_009.mp3,eye wòɖe ga ame siwo zu kluviwo to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbemeŋkekewo katã me. data/train/HEB/HEB_003_Verse_009.mp3,"Eya ta medo dziku ɖe dzidzime ma ŋu, eye megblɔ be, ‘Woƒe dziwo tra mɔ ɣe sia ɣi, eye womenya nye mɔwo o!’" data/train/HEB/HEB_010_Verse_019.mp3,"Gbɔgbɔ Kɔkɔe hã ɖi ɖase tso esia ŋuti; gbã la egblɔ be," data/train/HEB/HEB_010_Verse_039.mp3,"Ɣe aɖewo ɣi la wodzua mi le dutoƒo, eye wotia mia yome, ɣe bubu ɣiwo la, mienɔ te kpe ɖe ame siwo nɔ xaxa mawo ke me la ŋuti." data/train/HEB/HEB_011_Verse_025.mp3,"To xɔse me Mose dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ le edzidzi vɔ megbe, elabena wokpɔe dze sii be menye vidzĩ dzodzro aɖe koe wònye o, eya ta womevɔ̃ na fia la ƒe se dzi dada o." data/train/HEB/HEB_007_Verse_000.mp3,"abe ale si ame sia ame nya ene la, zi geɖe la, ame si naa yayra la kɔna wua ame si yram wòle." data/train/HEB/HEB_012_Verse_028.mp3,"Nyakui “ga” ɖee fia be woaɖe nu si woate ŋu aʋuʋu la ɖa, nu siwo nye nuwɔwɔwo, ale be nu siwo womate ŋu aʋuʋu o la ɖeɖe ko natsi anyi." data/train/HEB/HEB_013_Verse_012.mp3,"Migana nufiafia trama aɖeke nakplɔ miaƒe susuwo adzoe o. Enyo be woatsɔ amenuveve ado ŋusẽ miaƒe dziwo, ke menye to nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, esiwo mehea viɖe aɖeke vanɛ na ame siwo ɖunɛ la o." data/train/HEB/HEB_004_Verse_013.mp3,"Eya ta mina míate va Mawu ƒe amenuveve fiazikpui la gbɔ kple dzideƒo, be wòakpɔ nublanui na mí, eye wòave mía nu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe xaxaɣiwo." data/train/HEB/HEB_001_Verse_011.mp3,"Mawu ƒo nu tso eƒe dɔlawo ŋuti be, “Ewɔ eƒe dɔlawo abe yaƒoƒowo ene, eye eƒe subɔlawo abe dzo ƒe aɖewo ene.”" data/train/HEB/HEB_007_Verse_008.mp3,"Elabena Mose ƒe Se la tɔ asi ame siwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la dzi be woanye nunɔlagãwo, ke Mawu ƒe atamkaka si va ɖe se la yome la tɔ asi Via dzi, ame si wòwɔ wòde blibo tegbetegbe." data/train/HEB/HEB_011_Verse_037.mp3,"Woɖi ɖase nyui le ame siawo katã ŋuti le woƒe xɔse ta, ke hã la, wo dometɔ aɖeke mexɔ nu si ƒe ŋugbe wodo la o." data/train/HEB/HEB_006_Verse_005.mp3,"Esi wònye be Mawu di be yeana eme nakɔ nyuie na ŋugbedodo ƒe domenyilawo be nu si ƒe ŋugbe yedo matrɔ o ta la, eka atam tsɔ ɖo kpe eƒe ŋugbedodo la dzi." data/train/HEB/HEB_007_Verse_024.mp3,"Míate ŋu agblɔ le Levi, ame si xɔ nu ewolia ŋuti gɔ̃ hã be exe nu ewolia to Abraham dzi," data/train/HEB/HEB_012_Verse_023.mp3,"Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo ame si le nu ƒom la o. Nenye be womete ŋu si, esi wogbe toɖoɖo eya ame si xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la nu o la, aleke míawo ya míate ŋu asii ne míegbe toɖoɖo ame si le nu xlɔ̃m mí tso dziƒo?" data/train/HEB/HEB_006_Verse_003.mp3,"Anyigba si noa tsi si dzana ɖe edzi zi geɖe, eye wòwɔa nuku nyuie na agbledela siwo ŋlɔa anyigba la xɔa yayra tso Mawu gbɔ." data/train/HEB/HEB_004_Verse_005.mp3,"Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luʋɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo." data/train/HEB/HEB_004_Verse_006.mp3,"Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ nunɔlagã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖekoe nu vɔ̃ mele eya ŋu o." data/train/HEB/HEB_010_Verse_027.mp3,"Migana míagbɔdzɔ le míaƒe takpeƒewo dede me o, abe ale si ame aɖewo tsɔe ɖo dɔe nɔa kuvia wɔm ene o, ke boŋ mina míade dzi ƒo na mía nɔewo, vevietɔ esi mienyae be eƒe ŋkeke la te tu aƒe kpokploe." data/train/HEB/HEB_009_Verse_017.mp3,"Ne nu sia nu sɔ gbe vɔ la, nunɔlawo gena ɖe xɔ ŋgɔgbetɔ me ɖaa edzedzi, eye wowɔa mawusubɔsubɔdɔ." data/train/HEB/HEB_011_Verse_030.mp3,To xɔse me Yeriko ƒe gliwo mu esi Israelviwo ƒo xlãe ŋkeke adre. data/train/HEB/HEB_002_Verse_002.mp3,"Egagblɔ be, “Maɖo dzi ɖe Mawu ŋu.” Eye wògagblɔ be, “Nye kple vi siwo Mawu nam la míele afii.”" data/train/HEB/HEB_007_Verse_013.mp3,"Eye nu si míegblɔ la, me agakɔ ɖe edzi wu ne nunɔla bubu abe Melkizedek ene va ɖo," data/train/HEB/HEB_002_Verse_005.mp3,"Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye me, ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Abosam," data/train/HEB/HEB_006_Verse_004.mp3,"Enye míaƒe didi be mia dometɔ ɖe sia ɖe nalé nu siawo wɔwɔ me ɖe asi va se ɖe nuwuwu kple ŋkubiã, ale be miaƒe mɔkpɔkpɔ nade blibo." data/train/HEB/HEB_009_Verse_012.mp3,"Ke nunɔlagã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ me, eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋutsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna sãa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta." data/train/HEB/HEB_008_Verse_011.mp3,"Nenye ɖe wòle anyigba dzi la, maɖu nunɔla o elabena nunɔlawo li xoxo, ame siwo tsɔa nunanawo nana le Yudatɔwo ƒe se la nu." data/train/HEB/HEB_009_Verse_021.mp3,"Nu siwo le xɔ sia mee nye Sikavɔsamlekpui kple aɖaka si woyɔna be nubablaɖaka. Wofa sika ɖe aɖaka sia ŋuti kpe ɖo. Le aɖaka sia me la, míakpɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ se ewoawo ɖo, eye sikazɔ si me mana le la hã le aɖaka la me hekpe ɖe Aron ƒe atikplɔ si ƒo se la ŋuti." data/train/HEB/HEB_011_Verse_031.mp3,To xɔse mee ame siwo do ŋgɔ la kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le Mawu gbɔ. data/train/HEB/HEB_012_Verse_027.mp3,"Nukpɔkpɔ la dzi ŋɔ ale gbegbe be Mose gblɔ be, “Mele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃.”" data/train/HEB/HEB_013_Verse_021.mp3,"Nunɔlagã la tsɔa lãwo ƒe ʋu yina ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene, gake wotɔa dzo lãwo ŋutɔ le asaɖa la godo." data/train/HEB/HEB_011_Verse_017.mp3,"To xɔse me esi woxlɔ̃ nu Noa tso nu siwo mekpɔ dzɔ haɖe o ŋuti la etsɔ vɔvɔ̃ kɔkɔe kpa aɖakaʋu be wòaɖe eya kple eƒe ƒomea. To eƒe xɔse me wòbu fɔ xexea me, eye wòzu dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la ƒe domenyila." data/train/HEB/HEB_002_Verse_013.mp3,"Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me, ale be wòava zu nunɔlagã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be wòaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta." data/train/HEB/HEB_002_Verse_001.mp3,Ame si wɔa amewo kɔkɔe kple ame siwo wowɔ kɔkɔe la katã nye ƒome ɖeka me nɔlawo. Eya ta mekpe ŋu na Yesu be wòayɔ wo be ye nɔviwo o. data/train/HEB/HEB_005_Verse_014.mp3,"Wotiaa nunɔlagã ɖe sia ɖe tso amegbetɔwo dome, eye wodea dɔ asi nɛ be wòanɔ ŋgɔ na yewo le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me, eye wòatsɔ nunanawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo aɖo Mawu ŋkume." data/train/HEB/HEB_002_Verse_016.mp3,"Míekpɔ Yesu, ame si wowɔ wòɖiɖi vie wu mawudɔlawo, ke fifia la, woɖɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku nɛ, elabena ekpe fu yi ɖe ku me ale be to Mawu ƒe amenuveve me wòaxɔ ku ɖe ame sia ame nu." data/train/HEB/HEB_012_Verse_007.mp3,Eya ta mido ŋusẽ miaƒe abɔ siwo gbɔdzɔ kple miaƒe klo beliwo. data/train/HEB/HEB_008_Verse_008.mp3,"Ke nunɔladɔ si wode asi na Yesu la kɔ sãa wu wo tɔ, eye abe ale si nubabla si ƒe avuléla wònye la kɔ wu xoxotɔ sãa ene la, nenema kee woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu tsãtɔwo la dzi." data/train/HEB/HEB_001_Verse_005.mp3,"Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nèlé fu ŋutasesẽ, eya ta Mawu, wò Mawu la tsɔ wò ɖo teƒe kɔkɔ wu nɔviwòwo katã to esia me be etsɔ dzidzɔ ƒe ami la si na wò.”" data/train/HEB/HEB_013_Verse_024.mp3,"Yesu Kristo metrɔna gbeɖe o, ale si wònɔ etsɔ si va yi, nenema kee wòle egbe, eye nenema kee wòanɔ ɖaa." data/train/HEB/HEB_012_Verse_029.mp3,"Tohehe aɖeke meli si vivia ame nu o, ke boŋ evena, ke hã la, emegbe la, etsea dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa ƒe kuwo na ame siwo to tohehe la te." data/train/HEB/HEB_013_Verse_000.mp3,"Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o, elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã." data/train/HEB/HEB_007_Verse_018.mp3,"Ke ŋutsu sia, Melkizedek, menye Levi ƒe dzidzimevi o, ke hã la, exɔ nu ewolia le Abraham si, eye wòyra eya ame si xɔ Mawu ƒe ŋugbedodoawo" data/train/HEB/HEB_013_Verse_025.mp3,Ŋutifafa ƒe Mawu la ame si to nubabla mavɔ ƒe ʋu la me kplɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Alẽkplɔlagã la do goe tso ame kukuwo dome la data/train/HEB/HEB_011_Verse_033.mp3,"tsi dzo ƒe aɖewo nu, eye wosi le yi nu, ame siwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ trɔ zu ŋusẽ, wozu kalẽtɔwo le aʋa me, eye woɖu dzronyigbadziʋakɔwo dzi." data/train/HEB/HEB_007_Verse_007.mp3,"(elabena Mose ƒe Se la mate ŋu awɔ naneke wòade blibo o), eye azɔ la, wohe mɔkpɔkpɔ yeye vɛ to esi dzi míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kpokploe." data/train/HEB/HEB_007_Verse_005.mp3,"elabena eme kɔ ƒãa be míaƒe Aƒetɔ la dzɔ tso Yuda ƒe to la me, eye ku ɖe to ma ŋuti la, Mose megblɔ nya aɖeke ku ɖe woƒe nunɔlaɖuɖu ŋuti o." data/train/HEB/HEB_012_Verse_020.mp3,"Mieva ŋgɔgbevi la ƒe hame, ame si ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe dziƒo. Mieva Mawu, ame si nye amegbetɔwo katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la la gbɔ. Mieva ame dzɔdzɔe siwo wowɔ blibo la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ," data/train/HEB/HEB_002_Verse_011.mp3,"Ke ame aɖe gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be, “Nu kae nye amegbetɔ be nèbua eŋuti, eye nu kae nye Amegbetɔ Vi be nèléa be nɛ?" data/train/HEB/HEB_010_Verse_037.mp3,"Tohehe gã kae miesusu be mehedze na ame si titi afɔ ɖe Mawu ƒe Vi la dzi oa? Ame si do ŋunyɔ nubabla la ƒe ʋu si klɔ eŋuti la abe nu makɔmakɔ wònye ene, eye wòdzu amenuveve ƒe Gbɔgbɔ la?" data/train/HEB/HEB_012_Verse_012.mp3,"Le miaƒe ʋiʋli le nu vɔ̃ si me la, mieʋli va se ɖe esime miaƒe ʋu kɔ ɖi haɖe o." data/train/HEB/HEB_005_Verse_005.mp3,"Eya ta Kristo hã metsɔ nunɔlagã ƒe ŋutikɔkɔe da ɖe eɖokui dzi o ke boŋ Mawu gblɔ nɛ be, “Wòe nye vinye ŋutsu, egbe mezu fofowò.”" data/train/HEB/HEB_005_Verse_000.mp3,Ame aɖeke metsɔa bubu sia dea eɖokui ŋuti o; ele be Mawu nayɔe abe ale si wòyɔ Aron ene. data/train/HEB/HEB_010_Verse_016.mp3,Eye to Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ me wowɔ mí kɔkɔe to Yesu Kristo ƒe ŋutilã si wòtsɔ sa vɔe hena ɣeyiɣiwo katã la me. data/train/HEB/HEB_004_Verse_007.mp3,"Elabena nenye ɖe Yosua kplɔ wo yi dzudzɔ la mee la, anye ne Mawu magaƒo nu tso ŋkeke bubu aɖeke ŋu emegbe o." data/train/HEB/HEB_003_Verse_017.mp3,"Mose nye dɔla nuteƒewɔla le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒe me, nu sia ɖi ɖase le nu si Mawu ava gblɔ emegbe la ŋuti." data/train/HEB/HEB_006_Verse_015.mp3,"Mɔkpɔkpɔ sia le mia si abe luʋɔ ƒe seke sesẽ si maʋã akpɔ o la ene. Etea ŋu gena ɖe kɔkɔeƒe le xɔmetsovɔ la godo," data/train/HEB/HEB_009_Verse_004.mp3,elabena wowɔa domenyigbalẽa me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔe da ɖi la megava li o. Womewɔa domenyigbalẽ me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔ agbalẽ la le agbe o. data/train/HEB/HEB_003_Verse_004.mp3,"Ame kawoe nye ame siwo se nya la, eye wodze aglã? Ɖe menye woawoe nye ame siwo katã Mose kplɔ do goe tso Egipte lae oa?" data/train/HEB/HEB_012_Verse_010.mp3,"Ke mieva Zion to la gbɔ, dziƒo Yerusalem, si nye Mawu gbagbe la ƒe du la gbɔe mieva. Mieva mawudɔla akpeakpe siwo ƒo ƒu le dzidzɔ kpɔm la ƒe asaɖa me." data/train/HEB/HEB_010_Verse_025.mp3,"Ke vɔsa mawo ɖoa ŋku nu vɔ̃ dzi na ameawo ƒe sia ƒe," data/train/HEB/HEB_012_Verse_026.mp3,"Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene, elabena Mawu le mia hem abe via ŋutsuwo ene, elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o?" data/train/HEB/HEB_008_Verse_012.mp3,"Nunɔla siawo subɔna le kɔkɔeƒe la si nye esi le dziƒo la ƒe vɔvɔli. Esia tae, esi Mose be yeatu Agbadɔ le gbea dzi la, Mawu xlɔ̃ nui be, “Kpɔ egbɔ be nàwɔ nu sia nu ɖe ɖoɖo si woɖe fia wò le toa dzi la nu.”" data/train/HEB/HEB_006_Verse_013.mp3,"Mawu wɔ esia, ale be to nu eve siwo metrɔna o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le gbeɖe o la dzi, mí ame siwo si yi ɖaku ɖe mɔkpɔkpɔ si wona mí la ŋu la nakpɔ dzideƒo gã aɖe." data/train/HEB/HEB_008_Verse_002.mp3,"Elabena nenye ɖe naneke megblẽ le nubabla gbãtɔ ŋu o la, anye ne wometsɔ nubabla bubu ɖɔlii o." data/train/HEB/HEB_010_Verse_030.mp3,"Miɖo ŋku ŋkeke siwo do ŋgɔ la dzi esi miexɔ kekeli la vɔ la, mienɔ te sesĩe to ʋiʋli geɖewo me, mieto fukpekpe hã me kalẽtɔe." data/train/HEB/HEB_011_Verse_027.mp3,"To xɔse me Mose ɖo Ŋutitotoŋkekenyui kple ʋuhehlẽ ɖi anyi, ale be nugblẽla si wu ŋgɔgbeviwo la maka asi Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o." data/train/HEB/HEB_013_Verse_011.mp3,"Mido gbe ɖa ɖe mía ta ɣe sia ɣi. Míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si, eye míedina be míanɔ agbe bubutɔe ɣe sia ɣi le nu sia nu me." data/train/HEB/HEB_011_Verse_014.mp3,"To xɔse me esi Abraham tsi xɔ ƒe geɖe hã la, ete ŋu dzi Vi. Nenema kee nye srɔ̃a Sara hã, ame si tsi ko tsã. To xɔse me Abraham zu fofo, elabena Mawu ame si do ŋugbe nɛ la, bui nuteƒewɔlae." data/train/HEB/HEB_009_Verse_003.mp3,"ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la." data/train/HEB/HEB_004_Verse_000.mp3,Ame sia ame si ge ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me la dzudzɔna tso eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me abe ale si Mawu hã dzudzɔe ene. data/train/HEB/HEB_013_Verse_004.mp3,"Esia tae Yesu hã kpe fu le du la ƒe agbo godo be wòakɔ eƒe amewo ŋu, awɔ wo kɔkɔe to eya ŋutɔ ƒe ʋu la me." data/train/HEB/HEB_011_Verse_022.mp3,"To xɔse me Isak yra Yakob kple Esau, ku ɖe nu si woava nye le etsɔ me ŋuti." data/train/HEB/HEB_001_Verse_004.mp3,"Elabena mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Wòe nye vinye; egbe mezu Fofowò”? Alo wògagblɔ na ɖe be, “Manye fofoa, eye eya hã anye Vinye”?" data/train/HEB/HEB_011_Verse_026.mp3,"To xɔse me Mose dzo le Egipte, eye mevɔ̃ na fia la ƒe dziku o, ke boŋ edo vevi nu, elabena ekpɔ eya ame si womekpɔna kple ŋku o." data/train/HEB/HEB_003_Verse_001.mp3,"Abe ale si mawunya gblɔe do ŋgɔ fifia ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dziwo me abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze la me ene o.”" data/train/HEB/HEB_010_Verse_036.mp3,"Tete wògblɔ be, “Nyee nye esi, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.” Ale wòɖe se gbãtɔ la ɖa be wòaɖo evelia anyi." data/train/HEB/HEB_001_Verse_009.mp3,"Ke le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me la, eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye nuwo katã ƒe domenyila la dzi, ame si dzi hã wòto wɔ xexea me." data/train/HEB/HEB_009_Verse_009.mp3,"Eya ta ehiã kokoko be woakɔ nu siwo nye dziƒonuwo ƒe vɔvɔli ŋuti kple vɔsa siawo, gake woakɔ dziƒonuawo ŋutɔ ŋu kple vɔsa siwo de ŋgɔ wu esiawo." data/train/HEB/HEB_004_Verse_001.mp3,"Azɔ mí ame siwo xɔe se la ge ɖe dzudzɔ ma me abe ale si Mawu ŋutɔ gblɔe ene be, “Eya ta meka atam le nye dziku me be, womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.” Ke hã la, ewu eƒe dɔ la nu tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke." data/train/HEB/HEB_006_Verse_016.mp3,"Ne ame aɖe be yeaka atam la, eyɔa ame bubu si ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ kɔ wu eya ŋutɔ tɔ la ka atam lae heɖoa kpe nya si wògblɔ la dzi, eye wòtsia nyaʋiʋli ɖe sia ɖe nu." data/train/HEB/HEB_011_Verse_039.mp3,"Xɔse manɔmee la ame aɖeke mate ŋu adze Mawu ŋu o, elabena ame si va Mawu gbɔ la ele be wòaxɔe se be Mawu li eye wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie." data/train/HEB/HEB_011_Verse_032.mp3,"togbɔ be Mawu gblɔ nɛ be, “To Isak dzi la, dzidzimevi siwo katã ƒe ŋugbe wodo na wò la ava dzɔ” hã." data/train/HEB/HEB_007_Verse_004.mp3,"Ekema Yesue nye nunɔlagã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛe, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ, eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui." data/train/HEB/HEB_013_Verse_016.mp3,"Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso galɔlɔ̃ gbɔ, eye nu si le mia si la nedze mia ŋu, elabena Mawu gblɔ be, “Nyemaɖe asi le mia ŋu akpɔ o, eye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o.”" data/train/HEB/HEB_002_Verse_003.mp3,"Egblɔ be, “Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo, madzi wò kafukafuhawo le ameha la ŋkume.”" data/train/HEB/HEB_008_Verse_001.mp3,"Azɔ la esiae nye nu si mabla kple Israel ƒe aƒe la, le ŋkeke siwo gbɔna la me. Aƒetɔ lae gblɔe. Matsɔ nye sewo ade woƒe susuwo me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo ŋu. Manye woƒe Mawu, eye woawo hã woanye nye dukɔ." data/train/HEB/HEB_002_Verse_008.mp3,"eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.” Esi Mawu tsɔ nu sia nu de eƒe dzikpɔkpɔ te la, meɖe naneke le eme o. Gake fifi laa la, medze abe nu sia nu le eƒe dzikpɔkpɔ te ene o." data/train/HEB/HEB_013_Verse_018.mp3,Miɖo ŋku ame siwo wode gaxɔ me la dzi abe miawo hãe le gaxɔ me kpli wo ene. Nenema ke miɖo ŋku ame siwo wole fu wɔmii la dzi abe miawo hãe le fua kpem ene. data/train/HEB/HEB_008_Verse_010.mp3,"Matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ake wo, eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.”" data/train/HEB/HEB_008_Verse_009.mp3,"Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo esi melé woƒe alɔnu, kplɔ wo do goe le Egiptenyigba la ene o, elabena womewɔ nuteƒe le nu si mebla kpli wo la me o, eya ta nye hã metrɔ megbe de wo. Aƒetɔ lae gblɔe." data/train/HEB/HEB_007_Verse_001.mp3,"ame si va zu nunɔla, menye to ɖoɖo si wowɔ da ɖi ku ɖe eƒe dzɔtsoƒe ŋuti o, ke boŋ ku ɖe ŋusẽ si le agbe si mekuna o la ŋuti." data/train/HEB/HEB_007_Verse_014.mp3,"Fofo kple dada mele Melkizedek si o, eye nuŋlɔɖi aɖeke meli tso tɔgbuiawo ŋuti o. Dzigbe alo kugbe meli nɛ o, ale eƒe agbe ɖeko wòle abe Mawu Vi la tɔ ene, ame si nye nunɔla tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me." data/train/HEB/HEB_005_Verse_002.mp3,"Egagblɔ le teƒe bubu be, “Enye nunɔla tegbetegbe, eye wò ɖoƒe sɔ kple Melkizedek tɔ.”" data/train/HEB/HEB_002_Verse_000.mp3,aleke míawo ya míawɔ asi le enu ne míegbe toɖoɖo ɖeɖenya gã sia? Ɖeɖe sia si Aƒetɔ la ŋutɔ ɖe gbeƒãe zi gbãtɔ la woɖo kpe edzi na mi to ame siwo ɖo toe la dzi. data/train/HEB/HEB_012_Verse_000.mp3,"Abe ale si mienya nyuie ene la, esi wòva be yeanyi yayra sia ƒe dome emegbe la, wogbe enana. Mɔ aɖeke meli si dzi wòato be woatrɔ nu sia o, togbɔ be edi yayra sia kple aɖatsi hã." data/train/HEB/HEB_006_Verse_017.mp3,"nufiafia tso mawutsideta ŋu, asidada ɖe ame dzi, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ŋuti o." data/train/HEB/HEB_003_Verse_006.mp3,"Ewɔ nuteƒe na Mawu, ame si tiae abe ale si Mose hã wɔ nuteƒe le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒe me la ene." data/train/HEB/HEB_010_Verse_004.mp3,"Elabena míenya ame si gblɔ be, “Hlɔ̃biabia la tɔnyee, maɖo eteƒe nɛ,” egagblɔ hã be, “Aƒetɔ la adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ la.”" data/train/HEB/HEB_002_Verse_017.mp3,"Ne gbedeasi si mawudɔlawo gblɔ la nye nyateƒe, eye edzidalawo kple ame siwo meɖo toe o la xɔ tohehe si wodze na la," data/train/HEB/HEB_003_Verse_018.mp3,"Nɔvinyewo, mikpɔ egbɔ be dzi si me nu vɔ̃ le kple dzi maxɔse si trɔna le Mawu gbagbe la yome la naganɔ mia dometɔ aɖeke si o." data/train/HEB/HEB_009_Verse_026.mp3,"Ŋutikɔkɔkɔe ƒe Kerubiwo nɔ nubablaɖaka la tame, eye wokeke woƒe aʋalawo ɖe teƒe si wotsɔa nu vɔ̃ kena le. Ke míate ŋu adzro nya siawo me ayi edzi fifia o." data/train/HEB/HEB_002_Verse_012.mp3,"Le nyateƒe me la, menye mawudɔlawo ŋue wòkpe ɖo o, ke boŋ ekpe ɖe Abraham ƒe dzidzimeviwo ŋu." data/train/HEB/HEB_011_Verse_015.mp3,"To xɔse me esi Mawu do Abraham kpɔ la, etsɔ via Isak be yeasa vɔe, eya ame si xɔ ŋugbedodoawo la nɔ klalo be yeatsɔ Via ŋutsuvi ɖeka hɔ̃ɔ la asa vɔe," data/train/HEB/HEB_011_Verse_010.mp3,"Le esia teƒe la, wole du si nyo wu esi nye dziƒotɔ la dim. Eya ta menye ŋukpe na Mawu be woayɔe be woƒe Mawu o, elabena edzra du nyui aɖe ɖo ɖi na wo." data/train/HEB/HEB_006_Verse_012.mp3,"Mawu menye nuteƒemawɔla o, eya ta maŋlɔ dɔ nyui si míewɔ nɛ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fiae be míekpe ɖe eƒe ame kɔkɔewo ŋu eye míegale nu siawo wɔm fifia la be gbeɖe o." data/train/HEB/HEB_012_Verse_014.mp3,"Menye kpẽ ƒe ɖiɖi, gbe si le nu ƒom, ale be ame siwo see la ɖe kuku nɛ be megaƒo nu na yewo azɔ o la gbɔe mieva o;" data/train/HEB/HEB_010_Verse_003.mp3,elabena mele bɔbɔe be nyitsuwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu naɖe nu vɔ̃ ɖa o. data/train/HEB/HEB_005_Verse_013.mp3,"Togbɔ be eyae nye Mawu vi hã la, esrɔ̃ ɖokuibɔbɔ le fukpekpe siwo me wòto," data/train/HEB/HEB_010_Verse_010.mp3,"Eya ta esi Kristo va xexea me la, egblɔ be: “Mèdi vɔsa kple numemewo o, ke boŋ ŋutilã si nèdzra ɖo ɖi nam;" data/train/HEB/HEB_001_Verse_003.mp3,"Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti." data/train/HEB/HEB_003_Verse_016.mp3,"migasẽ miaƒe dziwo me abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze me, le ɣeyiɣi si me mieto dodokpɔ me le gbedadaƒo la ene o." data/train/HEB/HEB_004_Verse_002.mp3,"Edze ƒãa be ame aɖewo age ɖe dzudzɔ ma me godoo, gake ame siwo wogblɔ nyanyui la na do ŋgɔ la mete ŋu ge ɖe eme o le woƒe tosesẽ ta." data/train/HEB/HEB_007_Verse_019.mp3,"Le atamkaka sia ta la, Yesu va zu nubabla si nyo wu sãa la ƒe kpeɖodzinu." data/train/HEB/HEB_009_Verse_022.mp3,"Tete wògblɔ be, “Esia nye nubabla la ƒe ʋu, nubabla si Mawu de se na mi be mialé ɖe asi.”" data/train/HEB/HEB_002_Verse_007.mp3,"Èwɔ wo wobɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo, ètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ abe fiakuku ene," data/train/HEB/HEB_011_Verse_003.mp3,Ame siwo gblɔ nya siawo tɔgbi la ɖee fia be wole woawo ŋutɔ ƒe dedu dim. data/train/HEB/HEB_009_Verse_013.mp3,"Le nyateƒe me la, se la bia be woakɔ nu sia nu kloe ŋuti kple ʋu, eye ne womekɔ ʋu ɖi o la, nu vɔ̃ tsɔtsɔke manɔ anyi o." data/train/HEB/HEB_005_Verse_003.mp3,"Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me, eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta." data/train/HEB/HEB_006_Verse_001.mp3,"Ale, esime Abraham gbɔ dzi ɖi blewuu la, ŋugbedodo sia va eme nɛ pɛpɛpɛ." data/train/HEB/HEB_011_Verse_009.mp3,ke boŋ elɔ̃ be yeakpe fu kple Mawu ƒe amewo wu be yease nu vɔ̃ ƒe vivi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. data/train/HEB/HEB_005_Verse_001.mp3,"Ame sia ame si ganoa notsi esi wònye ɖevi ko ta la, mate ŋu ase nufiafia tso dzɔdzɔenyenye ŋuti gɔme o." data/train/HEB/HEB_007_Verse_025.mp3,"Mibu ale si wònye gãe la ŋuti kpɔ. Abraham, xɔsetɔwo fofo gɔ̃ hã tsɔ eƒe afunyinuwo ƒe ewolia nɛ!" data/train/HEB/HEB_010_Verse_024.mp3,"Ke nye dzɔdzɔetɔ la anɔ agbe to xɔse me. Ke ne ede megbe la, nyemakpɔ dzidzɔ le eŋuti o.”" data/train/HEB/HEB_010_Verse_000.mp3,"Ame sia ame si ada le Mose ƒe se dzi la, woƒua kpee nublanuimakpɔmakpɔtɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu." data/train/HEB/HEB_007_Verse_022.mp3,"Mele abe nunɔlagã bubuwo ene o, elabena mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ eɖokui hena." data/train/HEB/HEB_004_Verse_008.mp3,"Elabena wogblɔ nyanyui la na mí abe ale si wogblɔe na woawo hã ene. Gake nya si wose la, meɖe vi na wo o, elabena ame siwo see la mexɔe se o." data/train/HEB/HEB_007_Verse_027.mp3,"Vovototo bubu si le nunɔla mawo kple Yesu domee nye be nunɔla mawo sɔ gbɔ, elabena woku eye womagate ŋu ayi woƒe dɔ dzi o," data/train/HEB/HEB_006_Verse_007.mp3,"Eya ta mina míaɖe asi le gɔmedzenuwo fiafia tso Kristo ŋuti ŋu, eye míaɖe zɔ ayi ɖe tsitsi ɖe edzi me. Migana míagbugbɔ gɔmeɖokpe aɖo na dzimetɔtrɔ tso nu siwo kplɔa ame yia ku me alo míagbugbɔ gɔmeɖokpe aɖo na xɔse le Mawu me," data/train/HEB/HEB_013_Verse_023.mp3,Vɔsamlekpui aɖe le mia si; nunɔla siwo subɔna le Agbadɔ me gɔ̃ hã mekpɔ mɔ aɖu nu si tso vɔsamlekpui sia dzi o. data/train/HEB/HEB_011_Verse_002.mp3,"Ame siawo katã va ku esime wogalé xɔse me ɖe asi ko. Womexɔ nu siwo ƒe ŋugbe wodo na wo la o, ɖeko wokpɔ wo, do dzaa na wo le adzɔge, eye woʋu eme be amedzrowo kple mɔzɔlawo yewonye le anyigba dzi le afii." data/train/HEB/HEB_013_Verse_013.mp3,"Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o; to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo xɔ mawudɔlawo le manyamanya me." data/train/HEB/HEB_011_Verse_001.mp3,"Ale to ame ɖeka sia dzi, ame si ŋu míate ŋu agblɔ le be megale ŋutsu me o la, dzidzime geɖe siwo sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ƒutake ene la va dzɔ." data/train/HEB/HEB_010_Verse_023.mp3,ke nu si ko míanɔ mɔ kpɔm na le ŋɔdzi gã aɖe me lae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo bibi si ava fia Mawu ƒe futɔwo. data/train/HEB/HEB_001_Verse_000.mp3,Ale wòkɔ sãa wu mawudɔlawo abe ale si ŋkɔ si wòtsɔ nyi domee la kɔ wu wo tɔ sãa ene. data/train/HEB/HEB_004_Verse_015.mp3,"Le nya sia ke me la, egagblɔ be “Womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.”" data/train/HEB/HEB_012_Verse_004.mp3,"elabena womate ŋu awɔ ɖe gbe si woɖe na wo be, “Ne lã aɖe gɔ̃ hã ka asi to la ŋu la, ele be woaƒu kpee wòaku” la dzi o." data/train/HEB/HEB_006_Verse_002.mp3,ame siawo ɖɔ Mawu ƒe nya la ƒe nyonyo kple ŋusẽ siwo le xexe si gbɔna la me hã kpɔ. data/train/HEB/HEB_012_Verse_001.mp3,"Ame sia ame toa hehe te, eya ta ne miawo mieto hehe te o la, ekema mienye viŋutsuvi vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo." data/train/HEB/HEB_001_Verse_008.mp3,"Ke egblɔ le via ya ŋuti be, “O, Mawu, wò fiazikpui anɔ anyi tegbetegbe, eye dzɔdzɔnyenye anye wò fiaɖuƒe ƒe tsiamiti." data/train/HEB/HEB_012_Verse_024.mp3,"Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime." data/train/HEB/HEB_010_Verse_035.mp3,"Tete megblɔ be, ‘Nyee nye esi, woŋlɔ nu tso ŋutinye le lãgbalẽ me be, o Mawu, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.’ ”" data/train/HEB/HEB_010_Verse_021.mp3,Ke esi nunɔla sia ya sa vɔ ɖe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la eyi ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime. data/train/HEB/HEB_002_Verse_004.mp3,"Esi wònye be eya ŋutɔ kpe fu to tetekpɔ me ta la, ete ŋu kpe ɖe ame siwo tem wole kpɔ la ŋu." data/train/HEB/HEB_002_Verse_018.mp3,"Ɖeko wòle eteƒe be Mawu, ame si wɔ nuwo katã, eye wòlé nuwo katã ɖe te la nawɔ Yesu blibo to fukpekpe me be wòakplɔ viŋutsu geɖewo vɛ woakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me, elabena Yesue kplɔ wo yi ɖeɖe la gbɔe." data/train/HEB/HEB_013_Verse_003.mp3,"Esia ta míegblɔ kple dzideƒo be, “Yehowae nye nye xɔnametɔ, nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?”" data/train/HEB/HEB_009_Verse_010.mp3,"Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖee fia to esia dzi be womeklo nu le mɔ si yi Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la dzi haɖe o, zi ale si Agbadɔ gbãtɔ la gale te nu ko." data/train/HEB/HEB_007_Verse_028.mp3,"Wotsɔ ɖoɖo gbãtɔ si wowɔ la da ɖe aga, elabena egbɔdzɔ, eye menyo na naneke o" data/train/HEB/HEB_006_Verse_009.mp3,"Ke ame siwo dze anyi la, aleke woawɔ agbugbɔ wo va dzimetɔtrɔ me? Wonye ame siwo nɔ Mawu ƒe kekeli me kpɔ. Woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ, eye wokpɔ gome hã le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me," data/train/HEB/HEB_007_Verse_020.mp3,"Le esia megbe la, Abraham tsɔ nu siwo katã wòtsɔ tso aʋagbedzi gbɔe la ƒe ewolia nɛ. Melkizedek ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Dzɔdzɔenyenye ƒe fia.” Eye eya kee nye Ŋutifafafia, elabena du si me wònye fia lee nye Salem si gɔmee nye “Ŋutifafa.”" data/train/HEB/HEB_012_Verse_016.mp3,"Míaƒe anyigbadzifofowo hea to na mí hena ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si wònyo na woe ene, gake Mawu ya hea to na mí hena míaƒe nyonyo be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me." data/train/HEB/HEB_004_Verse_004.mp3,"Elabena eƒo nu tso ŋkeke adrea gbe ŋu le teƒe aɖe gblɔ be, “Eye le ŋkeke adrelia gbe la, Mawu dzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me.”" data/train/HEB/HEB_005_Verse_004.mp3,Esia tae wòle be wòasa vɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo ta. data/train/2TI/2TI_004_Verse_006.mp3,"Elabena nye la, wole trɔyem ƒo ɖi xoxo abe nunovɔsa ene, eye nye ɣeyiɣi de na dzodzo." data/train/2TI/2TI_001_Verse_009.mp3,"Le esia ta mele ŋku ɖom edzi na wò be nàde dzo Mawu ƒe nunana si ge ɖe mewò to nye asidada ɖe dziwò me la me," data/train/2TI/2TI_002_Verse_006.mp3,Eya ta mekpe fu sia fu ɖe ame tiatiawo ta be woawo hã woakpɔ ɖeɖe si le Kristo Yesu me kpe ɖe ŋutikɔkɔe mavɔ ŋu. data/train/2TI/2TI_003_Verse_000.mp3,"ame siwo si gotagome ƒe mawuvɔvɔ̃ le, evɔ wogbe nu le ŋusẽ si ana be woanɔ agbe le Mawu me la gbɔ. Te ɖokuiwò ɖa xaa tso ame siawo gbɔ." data/train/2TI/2TI_002_Verse_016.mp3,"Ne ame aɖe kɔ eɖokui ŋuti tso nu vɔ̃ mawo me la, eya ŋu dɔe woawɔ abe nu si ŋu bubu le, nu si le kɔkɔe si nye ŋudɔwɔnu na Aƒetɔ la, eye wòle klalo hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ene." data/train/2TI/2TI_002_Verse_003.mp3,"elabena ele na wò be nàfia nu siwo mi kple ame bubuwo miese tso gbɔnye le ɖaseɖila geɖewo dome. Mifia nyateƒe xɔasi siawo ame nuteƒewɔlawo, eye woawo hã woafia ame bubuwo." data/train/2TI/2TI_003_Verse_002.mp3,"amemalɔ̃lawo, ame siwo metsɔa nu vɔ̃ kena o, ameŋugblẽlawo, ɖokuidzimaɖulawo, ŋutasẽlawo, ame siwo léa fu nu nyui," data/train/2TI/2TI_001_Verse_013.mp3,Menya ale si xɔse alakpamanɔme si le mewò abe dawò Enuike kple mamawò Lois ke ene. Meka ɖe edzi be ègale ŋu ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu kokoko abe tsã ene. data/train/2TI/2TI_003_Verse_008.mp3,"Ke ènya to ŋkuléle ɖe ŋunye me be nyemenye ame siawo tɔgbi o. Ènya nu si dzi mexɔ se, ale si menɔa agbee kple nu si dim mele. Ènya nye Kristo dzixɔse kple nye fukpekpewo. Ènya nu tso ale si melɔ̃ wò kple nye dzidodo ŋu." data/train/2TI/2TI_001_Verse_010.mp3,"Le nyateƒe me la, esi wòva Roma la, edim vevie le afi sia afi, eye wòke ɖe ŋunye mlɔeba." data/train/2TI/2TI_004_Verse_017.mp3,"Ne ègbɔna la, tsɔ awu ʋlaya si megblẽ ɖe Karpo gbɔ le Troa la vɛ nam. Nenema kee nye agbalẽawo hã, vevietɔ lãgbalẽtɔwo." data/train/2TI/2TI_001_Verse_001.mp3,Aƒetɔ la nana yayra tɔxɛ le Kristo ƒe vavagbe la. Wò ŋutɔ ènya ale si wòkpe ɖe ŋunye le Efeso la nyuie wu ale si mate ŋu agblɔe na wò. data/train/2TI/2TI_003_Verse_005.mp3,"Ènya fukpekpe geɖe siwo va dzinye le gbeƒãɖeɖe nyanyui la ta. Ènya nu siwo katã wowɔm esi meyi Antioxia, Ikonio kple Listra hã, ke Aƒetɔ la ɖem tso wo me." data/train/2TI/2TI_002_Verse_008.mp3,"Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la le te, eye wode dzesii kple nya siawo be, “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo,” eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la, nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.”" data/train/2TI/2TI_002_Verse_019.mp3,"Si le nu sia nu si naa nu vɔ̃ ƒe susu si ɖea fu na ɖekakpuiwo enuenu, eye wògena ɖe mewò la nu, ke nàlé fɔ ɖe nu sia nu si nyɔa didi le mewò be nàwɔ nu nyui la ŋu. Xɔse kple lɔlɔ̃ kpakple ŋutifafa nanɔ mewò, eye nàna hadede kple ame siwo yɔa Aƒetɔ la, eye woƒe dzi me kɔ la, nado dzidzɔ na wò." data/train/2TI/2TI_002_Verse_012.mp3,Mègade nu nyahehe dzodzro siwo nana amewo wɔa nu vɔ̃ to dɔmedzoedodo ɖe wo nɔewo ŋu me la me o. data/train/2TI/2TI_002_Verse_000.mp3,Bu kpɔɖeŋu etɔ̃ siawo ŋu kpɔ. Aƒetɔ la nakpe ɖe ŋuwò be nàse ale si kpɔɖeŋu siawo ku ɖe ŋuwòe la gɔme. data/train/2TI/2TI_002_Verse_026.mp3,"Ɖo ŋku Yesu Kristo, ame si wofɔ tso ku me, eye wòdzɔ tso David ƒe ƒome me la dzi. Esiae nye nye nyanyui la," data/train/2TI/2TI_003_Verse_001.mp3,"amegɔmezɔlawo, dzimagbɔɖitɔwo, ɖokuiŋudzelawo, ame siwo lɔ̃a xexemedzidzɔ wu Mawu," data/train/2TI/2TI_002_Verse_005.mp3,"Esia nye nyateƒenya be, “Ne míeku kpakplii la, míanɔ agbe hã kpakplii;" data/train/2TI/2TI_003_Verse_017.mp3,"Ɛ̃, ame siwo ɖo be yewoadze Kristo Yesu ŋu to agbenɔnɔ le mawuvɔvɔ̃ me me la akpe fu le ame siwo lé fui la ƒe asi me." data/train/2TI/2TI_001_Verse_003.mp3,"elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi." data/train/2TI/2TI_003_Verse_010.mp3,"Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple aʋatsonufialawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi anɔ sesẽm ɖe edzi wu, eye woanɔ ame geɖewo blem abe ale si Satana ble woawo ŋutɔ hã ene." data/train/2TI/2TI_004_Verse_001.mp3,Aƒetɔ la nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ. Mawu ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã. data/train/2TI/2TI_003_Verse_016.mp3,"Woawoe nye ame siwo yia ame bubuwo ƒe aƒewo me le adzame, eye wowɔa xɔlɔ̃ kple nyɔnu abunɛtɔ siwo me nu vɔ̃ xɔ aƒe ɖo la, eye wofiaa woƒe xɔse yeye la wo." data/train/2TI/2TI_004_Verse_015.mp3,"Meʋli ʋiʋli nyui la, mewu duɖimekeke la nu, eye melé xɔse la me ɖe asi." data/train/2TI/2TI_003_Verse_012.mp3,"Nufiala siawo tsia tsitre ɖe nyateƒe la ŋu abe ale si Yane kple Yambre tsi tsitre ɖe Mose ŋu ene. Susu ƒoɖi totro kpaɖikpaɖiwo le wo me, eye wotsi tsitre ɖe Kristo dzixɔse la ŋu." data/train/2TI/2TI_003_Verse_006.mp3,Eyae nye Mawu ƒe mɔ si dzraa mí ɖo nyuie le go sia go me hena nyuiwɔwɔ na ame sia ame. data/train/2TI/2TI_004_Verse_011.mp3,"Ke Aƒetɔ la nɔ ŋunye, eye wòna mɔkpɔkpɔm be magblɔ mawunya dzideƒotɔe na xexea me katã. Ekpe ɖe ŋunye hã be wometsɔm na dzatawo o." data/train/2TI/2TI_003_Verse_011.mp3,"Mawu tsɔ eƒe nya la na mí to eƒe Gbɔgbɔ si wɔ dɔ le amewo me la dzi, eya ta Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye nu vɔ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa mí ɖe mɔ dzɔdzɔe dzi, eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu si nyo, eye wòdze." data/train/2TI/2TI_003_Verse_003.mp3,"Amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, amedzulawo, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o, akpemadalawo, ame makɔmakɔwo," data/train/2TI/2TI_002_Verse_022.mp3,"Tsɔ wò fukpekpewo kpoo abe Yesu Kristo ƒe asrafo vavã ene, abe ale si mewɔna ene," data/train/2TI/2TI_002_Verse_014.mp3,"Mele be Mawu ƒe subɔlawo nanye dzrewɔlawo o, ke boŋ ele be woanye nufiala siwo faa tu, eye wogbɔa dzi ɖi na vodalawo." data/train/2TI/2TI_004_Verse_007.mp3,"Elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime amewo magaɖo to nyateƒe la o, ke boŋ woanɔ tsatsam anɔ nufiala siwo agblɔ nya siwo woawo ŋutɔ adi be yewoase la dim." data/train/2TI/2TI_002_Verse_017.mp3,"Ne míekpe fu kplii la, míaɖu dzi hã kpakplii; Ne míegbe nu le egbɔ la, Eya hã agbe nu le mía gbɔ." data/train/2TI/2TI_002_Verse_002.mp3,"Ekema woadze si nyateƒe la, eye woasi le Abosam ƒe mɔ siwo wotrena be yeana woazu kluviwo na nu vɔ̃ ɣe sia ɣi si yelɔ̃ la nu; ale woate ŋu adze Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi wɔwɔ gɔme." data/train/2TI/2TI_003_Verse_007.mp3,"Ke ele na wò be nàlé nu siwo wofia wò la dzixɔse me ɖe asi. Ènya be nu siawo nye nyateƒe, elabena ènya be yeate ŋu axɔ mí ame siwo fia nu siawo wò la dzi ase." data/train/2TI/2TI_001_Verse_008.mp3,Lé be na ŋutete si Mawu na nèxɔ to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le agbe le mewò dzi la nyuie. data/train/2TI/2TI_004_Verse_020.mp3,"Womaɖo to nu si nyateƒe la le fiafiam o, ke boŋ woadze woawo ŋutɔ ƒe susu tatrawo yome dzidzɔtɔe." data/train/2TI/2TI_002_Verse_001.mp3,"Bɔbɔ ɖokuiwò ne èle nu fiam ame siwo tɔtɔ le nyateƒe la ŋu, elabena ne ètsɔ ɖokuibɔbɔ kple gbe blewu ƒo nu na wo la, mɔkpɔkpɔ geɖe li bena, to Mawu ƒe amenuveve me la, woatrɔ dzi me, eye woaxɔ nyateƒe la dzi ase." data/train/2TI/2TI_001_Verse_011.mp3,"Lé nyateƒe si mefia wò la me ɖe asi sesĩe, vevietɔ esi ku ɖe xɔse kple lɔlɔ̃ si Kristo Yesu tsɔ na wò la ŋu." data/train/2TI/2TI_004_Verse_004.mp3,"Dze agbagba nàva ɖo afi sia hafi vuvɔŋɔli naɖo. Eubulo, Pude, Lino, Klaudia kple nɔvi bubuawo katã do gbe na wò." data/train/2TI/2TI_001_Verse_006.mp3,"Eye wòtiam be manye nyanyui sia ƒe gbeƒãɖela, apostolo kple nufiala." data/train/2TI/2TI_001_Verse_002.mp3,"Aƒetɔ la nayra Onesiforo kple eƒe aƒe blibo la, elabena eva kpɔam ɖa, eye wòdea dzi ƒo nam enuenu. Eƒe kpɔkpɔɖa gbɔa agbem abe ya fafɛ nyui ene, eye nye gaxɔmenɔnɔ menye ŋukpe nɛ o." data/train/2TI/2TI_001_Verse_007.mp3,"Ke azɔ la, ena nu siawo katã me kɔ na mí to mía Ɖela Yesu Kristo ƒe vava me. Kristo Yesu ɖu ku ƒe ŋusẽ dzi, eye wòfia agbe mavɔ la ƒe mɔ mí to nyanyui la me." data/train/2TI/2TI_002_Verse_020.mp3,"si ta mele fu kpem ɖo, eye wodem ga me gɔ̃ hã abe hlɔ̃dola ene, gake womede ga Mawu ƒe nya ya o." data/train/2TI/2TI_004_Verse_018.mp3,"Nɔ te sesĩe, eye mègavɔ̃ fukpekpe le Aƒetɔ la ta o. Kplɔ ame bubuwo vɛ na Kristo. Mègagbe nu sia nu si hiã be nàwɔ la wɔwɔ o." data/train/2TI/2TI_004_Verse_016.mp3,"nàɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la kple vevidodo nu ɣeawo katã ɣi, ɣe sia ɣi si nàkpɔ mɔnu ko, vovo li o, vovo meli o. Fia mɔ nyuitɔwo, eye nàka mo na wò amewo ne ehiã. Do ŋusẽ wo be woawɔ nu si dze, eye nàtsɔ Mawu ƒe nya anyi wo kple dzigbɔɖi ɣe sia ɣi." data/train/2TI/2TI_001_Verse_000.mp3,"Abe ale si nènya ene la, kristotɔ siwo katã tso Asia va afi sia la gblẽm ɖi. Figelo kple Hermogene gɔ̃ ha gblẽm ɖi." data/train/2TI/2TI_004_Verse_000.mp3,"Aleksandro, akɔblinutula la wɔ nu vevi geɖem. Aƒetɔ la ahe to nɛ." data/train/2TI/2TI_002_Verse_011.mp3,"Lé Aƒetɔ la ƒe sewo me ɖe asi le eƒe dɔwɔwɔ me abe ale si duɖimekela léa seawo me ɖe asi eye wòɖua dzi loo alo wòɖea asi le seawo ŋu, eye meɖua dzi o ene." data/train/2TI/2TI_004_Verse_012.mp3,"Ke kpɔ nyuie le eŋu, elabena etsi tsitre ɖe nu sia nu si míegblɔ la ŋu." data/train/2TI/2TI_002_Verse_025.mp3,"Ɖo ŋku nya xɔasi siawo dzi na wò amewo, eye nàgbe na wo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me be womagahe nya tso nu siwo mele vevie o la ŋu o. Nyahehe siawo tɔgbi tɔtɔa ame. Viɖe aɖeke menɔa wo ŋu o, eye wowɔa nu vevi ame gɔ̃ hã." data/train/2TI/2TI_002_Verse_013.mp3,"Megale egblɔm na wò be mègade nu nyahehe dzodzro siwo tɔtɔa ame, eye wodoa dɔmedzoe na ame la me o." data/train/2TI/2TI_002_Verse_004.mp3,"Elabena to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo gblɔa nya aɖewo, siwo gblẽa nu ɣeyiɣi didi aɖe. Himenaio kple Fileto nye ame siawo tɔgbi le ale si wolɔ̃a nyahehe dzodzrowo la ta." data/train/2TI/2TI_002_Verse_010.mp3,Ku kutri vevie abe agbledela si xɔa fetu nyui ne exa nuku geɖewo ene. data/train/2TI/2TI_003_Verse_004.mp3,"Ènya ale si, esi nènye ɖevi sue la, wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la wò, nu siawo na nèdze nunya be nàkpɔ Mawu ƒe ɖeɖe to Kristo Yesu dzixɔse me." data/train/2TI/2TI_004_Verse_013.mp3,"Luka koe li kplim. Di Marko, eye nàkplɔe ɖe asi vɛ, elabena ekpena ɖe ŋunye le nye subɔsubɔdɔwɔwɔ me." data/train/2TI/2TI_002_Verse_023.mp3,"Woɖe asi le nyateƒe la ŋu, eye wokaa aʋatso, ɖea gbeƒã be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la va eme xoxo, eye wona ame siwo xɔ wo dzi se la ƒe xɔse gbɔdzɔ." data/train/2TI/2TI_001_Verse_005.mp3,"Eyae ɖe mí, eye wotia mí na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexea me be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia mí to Kristo Yesu dzi." data/train/2TI/2TI_004_Verse_021.mp3,"Zi gbãtɔ si wohem yi ʋɔnudrɔ̃la ŋkume la, ame aɖeke menɔ afi sia akpe ɖe ŋunye o, ame sia ame si dzo. Mele mɔ kpɔm be womabu fɔ wo ɖe nu sia ta o." data/train/2TI/2TI_004_Verse_009.mp3,"Eya ta mele gbe tem ɖe edzi na wò le Mawu kple Kristo Yesu, ame si adrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo gbe ɖeka ne eva do be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe la gɔme anyi la ŋkume be" data/train/2TI/2TI_001_Verse_015.mp3,"Ne àde dzo ŋusẽ si le mewò me la, màvɔ̃ ɣe aɖeke ɣi na gbeƒãɖeɖe Aƒetɔ la na ame bubuwo alo ana woanya be xɔ̃wò menye, togbɔ be mele gaxɔ me le afii le Kristo ta hã o. Ànɔ klalo be yeakpe fu kplim le nyanyui la ta, elabena Mawu ana ŋusẽ wò le fukpekpe me." data/train/2TI/2TI_002_Verse_007.mp3,"eye abe Kristo ƒe asrafo ene la, mègatsɔ ɖokuiwò nyrɔ ɖe xexemenuwo me o; ne menye nenema o la, màte ŋu adze ame si xɔ wò ɖe eƒe aʋakɔ me la ŋu o." data/train/2TI/2TI_001_Verse_012.mp3,"Mele didim vevie be magakpɔ wò. Dzi adzɔm ŋutɔ, elabena meɖoa ŋku ale si nèfa avi vevie esime míenɔ kaklãm ɖa tso mía nɔewo gbɔ la dzi." data/train/2TI/2TI_002_Verse_024.mp3,"Wɔ dɔ sesĩe ale be Mawu nate ŋu agblɔ na wò be, “Dɔ nyui wɔla, wòe le dɔ nyui wɔwɔ dzi.” Nye dɔwɔla nyui, ame si ŋu makpe ne Mawu do wò dɔwɔwɔ kpɔ o. Nànya nu si eƒe nyateƒenya la gblɔ kple nu si wòfia." data/train/2TI/2TI_002_Verse_015.mp3,"Menye sikanuwo kple klosalonuwo ɖeɖe koe nɔa aƒe gã me o, ke boŋ atinuwo kple anyinuwo hã nɔa anyi, ɖewo na bubumewo xɔxɔ, eye ɖewo hã na gbe sia gbe ƒe ŋudɔwɔwɔ." data/train/2TI/2TI_004_Verse_005.mp3,"elabena Dema gblẽm ɖi hedzo yi Tesalonika, elabena elɔ̃ xexe sia me. Kresken hã dzo yi Galatia. Nenema ke Tito hã dzo yi Dalmatia." data/train/LEV/LEV_004_Verse_011.mp3,"Ele be wòakplɔ nyitsuvi fɛ̃ la ava Agbadɔ la ƒe mɔnu, atsɔ eƒe asi ada ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye wòawui le afi ma le Yehowa ŋkume." data/train/LEV/LEV_014_Verse_051.mp3,Nunɔla si doe kpɔ la atsɔ amea kple eƒe nunana aɖo Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu. data/train/LEV/LEV_013_Verse_005.mp3,"ekema nunɔla la agadoe kpɔ, eye magalala be yeakpɔ be ɖa ƒe amadede trɔ ɖi aŋuti ɖiɖi hafi wòatso nya me be amea dze kpodɔ o." data/train/LEV/LEV_025_Verse_022.mp3,"Le Aseyetsoƒe la me la, ate ŋu adzo kple viawo, eye wòatrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe ƒometɔwo kple eƒe domenyinuwo gbɔ." data/train/LEV/LEV_016_Verse_013.mp3,Ekema atɔ dzo nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo ƒe ami ɖe vɔsamlekpui la dzi. data/train/LEV/LEV_010_Verse_001.mp3,"“Ele be ameawo natsɔ ata si woɖe ɖe aga kple akɔ si wona esi wotɔ dzo amiawo la vɛ. Woatsɔ wo ana Yehowa to wo nyenye le yame me. Ekema woazu wò kple viwòwo tɔ, elabena esiae nye Yehowa ƒe ɖoɖo.”" data/train/LEV/LEV_019_Verse_017.mp3,"“ ‘Migatsɔ nye ŋkɔ aka atam ɖe aʋatsonya aɖeke dzi, eye miato nu sia wɔwɔ me aƒo fi ade nye ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu." data/train/LEV/LEV_011_Verse_040.mp3,"“ ‘Nudzodzoe siwo katã zɔna le afɔ ene dzi, woanye ŋunyɔnu na mi." data/train/LEV/LEV_019_Verse_019.mp3,"“ ‘Migaƒo fi de tekunɔ o, eye migada nu ɖe ŋkuagbãtɔ si va yina la ƒe mɔ me o. Mivɔ̃ miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu." data/train/LEV/LEV_011_Verse_041.mp3,"Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Minɔ dzadzɛe le nu siawo ŋuti, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye. Eya ta migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka nu siwo tana le anyigba la dometɔ aɖeke ŋu me o." data/train/LEV/LEV_020_Verse_015.mp3,"“ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi fofoa nɔviŋutsu srɔ̃ alo dadaa nɔviŋutsu srɔ̃ ŋu la, ekema eɖe fofoa nɔviŋutsu alo dadaa nɔviŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woƒe tohehee nye woƒe nu vɔ̃ anɔ woƒe ta dzi, eye woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe." data/train/LEV/LEV_023_Verse_024.mp3,"Ne ame aɖe mewɔ ŋkeke sia ŋu dɔ hena dzimetɔtrɔ kple konyifafa ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta o la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome." data/train/LEV/LEV_021_Verse_018.mp3,"Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu gblẽ kɔ ɖo na eɖokui hetrɔ zu gbolo la, edo ŋukpe fofoa, ele be woatɔ dzoe agbagbe." data/train/LEV/LEV_009_Verse_015.mp3,"Le esia megbe la, esa nuɖuvɔ la. Eku wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka, eye wòtɔ dzoe kpe ɖe gbe sia gbe ƒe ŋdivɔsa ŋu le vɔsamlekpui la dzi." data/train/LEV/LEV_004_Verse_030.mp3,"Woawɔ lã la ƒe ami ŋu dɔ abe ale si wowɔa eŋu dɔ le akpedavɔsa me ene. Nunɔla la atɔ dzo lã la ƒe ami ɖe vɔsamlekpui la dzi abe ale si wowɔna kple vɔsanu bubu ɖe sia ɖe si wotɔa dzoe na Yehowa la ene. Ekema nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee." data/train/LEV/LEV_015_Verse_010.mp3,"eya ta ame si ka asi ŋutsu la ƒe abati ŋu hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi." data/train/LEV/LEV_021_Verse_005.mp3,"Ele be wòanɔ alea, elabena nunɔla nye kplɔla le ameawo dome, eye mele be wòaƒo ɖi eɖokui abe ame bubu siwo menye nunɔlawo ene o." data/train/LEV/LEV_004_Verse_002.mp3,"ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽe zi adre ɖe xɔmetsovɔ la ŋgɔ le Yehowa ŋkume." data/train/LEV/LEV_002_Verse_016.mp3,Woatsɔ wɔ la ƒe mamlɛa ana Aron kple via ŋutsuwo abe woƒe nuɖuɖu ene; ke woabu esiawo katã abe nuɖuvɔsa kɔkɔe na Yehowa ene. data/train/LEV/LEV_025_Verse_020.mp3,"Kɔ ƒe blatɔ̃lia ŋuti, eye nàɖe gbeƒã ablɔɖe le anyigba blibo la dzi na edzinɔlawo. Anye Aseyetsoƒe na mi. Mia dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ ayi eƒe ƒome ƒe nunɔamesiwo gbɔ, eye ame sia ame atrɔ ayi eƒe to si me wòtso la me." data/train/LEV/LEV_012_Verse_003.mp3,"Ke ne nyɔnu aɖe da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽ o la, ekema ele nɛ be wòana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa numevɔ, eye woatsɔ evelia asa nu vɔ̃ vɔsae. Nunɔla la atsɔ nu siawo alé avu ɖe enu ale be eŋuti nagakɔ.’ ”" data/train/LEV/LEV_019_Verse_023.mp3,"Miwɔ nenema ke le miaƒe wain tsetsewo hã gome. Migagbe kutsetseawo katã o, eye migafɔ esiwo ge ɖe anyigba hã o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu." data/train/LEV/LEV_027_Verse_011.mp3,"Ke ne lã si wòɖe adzɔgbe be yeatsɔ asa vɔe nye lã makɔmakɔ, lã si womaxɔ abe vɔsa na Yehowa ene o la, ele be wòatsɔ lã la ayi na nunɔla," data/train/LEV/LEV_025_Verse_037.mp3,"“ ‘Ne hiã tu ame aɖe, eye wòdzra eƒe anyigba ƒe akpa aɖe la, ekema eƒe ƒometɔ tututuwo ate ŋu axe fe ɖe eta, axɔe." data/train/LEV/LEV_023_Verse_010.mp3,"“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, Yehowa ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la adze egɔme eye woaɖui ŋkeke adre." data/train/LEV/LEV_011_Verse_025.mp3,"Miate ŋu aɖu lã sia lã si ƒe afɔkli me fe, eye wòdzɔa nu gaɖuna." data/train/LEV/LEV_004_Verse_026.mp3,"Ne wova dze si woƒe nu vɔ̃ la, woana nyitsu fɛ̃ aɖe hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Woatsɔ nyitsu la ava Agbadɔ la ŋgɔ." data/train/LEV/LEV_020_Verse_021.mp3,"“ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ toyɔvia gbɔ la, woawu wo ame eve la siaa; woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui to ɖiƒoƒo wo nɔewo me." data/train/LEV/LEV_002_Verse_014.mp3,"Vɔsanu mamlɛa nye Aron kple viawo tɔ, ke woabu wo katã abe numevɔsa kɔkɔe na Yehowa ene." data/train/LEV/LEV_013_Verse_027.mp3,"“Ke ne nunɔla la kpɔ be kpodɔ la xɔ ŋuti katã na amea, tso eƒe tame yi eƒe afɔ gbɔ," data/train/LEV/LEV_005_Verse_009.mp3,"Le go siawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, ele be wòaʋu eƒe nu vɔ̃ me," data/train/LEV/LEV_011_Verse_024.mp3,Mele be miaɖu eƒe lã loo alo aka asi eƒe kukua teti hã ŋu o. Nu makɔmakɔ wònye na mi. data/train/LEV/LEV_014_Verse_048.mp3,"Nunɔla la atsɔ alẽvi kple amitimi lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia la asa fɔɖivɔ, eye wòanye wo le vɔsamlekpui la ŋgɔ abe wo tsɔtsɔ na Yehowa ƒe dzesi ene." data/train/LEV/LEV_011_Verse_019.mp3,"Ke ne nukua ƒo tsi hafi nu kuku la ge ɖe edzi la, ekema nuku ƒotsi la ŋu mekɔ o." data/train/LEV/LEV_008_Verse_023.mp3,Mose lé nyitsu la hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la. Aron kple via ŋutsuwo da asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi. data/train/LEV/LEV_008_Verse_000.mp3,Ale Aron kple via ŋutsuwo wɔ nu siwo katã Yehowa ɖo na Mose. data/train/LEV/LEV_007_Verse_028.mp3,“Se siawo kee le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa siaa ŋu. Woatsɔ lã la ƒe mamlɛa ana nunɔla si wɔ avulévɔsa la wòanye eƒe nuɖuɖu. data/train/LEV/LEV_006_Verse_008.mp3,"eye ne ewɔ nu vɔ̃ siawo eye wòɖi fɔ la, ele nɛ be wòaɖe asi le nu si wòfi la alo xɔ to amebamɔ dzi alo nu si dzi wobe wòakpɔ alo nu si bu wòfɔ" data/train/LEV/LEV_009_Verse_020.mp3,"Mose yi edzi be, “Gblɔ na Israelviwo be woatia gbɔ̃tsu ɖeka hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple nyivi ɖeka kple alẽvi ɖeka, lã siwo de blibo hena woƒe numevɔsa." data/train/LEV/LEV_011_Verse_035.mp3,"Ne nu siawo ƒe kuku aɖe ge ɖe tɔʋu alo tsigago aɖe si me tsi le la me la, tsi la menye tsi makɔmakɔ o, gake ame si ɖe nu kukua le tsia me ya la ŋu mekɔ o." data/train/LEV/LEV_018_Verse_017.mp3,"“ ‘Mia dometɔ aɖeke megadɔ kple eƒe ƒometɔ o, elabena nyee nye Yehowa." data/train/LEV/LEV_008_Verse_028.mp3,"Mose tsɔ nu siawo katã de asi na Aron kple via ŋutsuwo, eye wonye wo le yame abe vɔsa tɔxɛ na Yehowa ene." data/train/LEV/LEV_023_Verse_000.mp3,Ale Mose ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkekenyui siwo woaɖu ƒe sia ƒe la na Israelviwo. data/train/LEV/LEV_027_Verse_019.mp3,"“ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Yehowa la, do asi ɖe eŋu ɖe eƒe lolome kple nuku agbɔsɔsɔ si woate ŋu aƒã ɖe edzi la nu. Anyigba si dzi woate ŋu aƒã lu kilogram blaeve ɖo la naxɔ klosaloga ewo." data/train/LEV/LEV_011_Verse_008.mp3,"Ele be ame si atsɔ eƒe kukua aƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ, elabena mede se na mi tso wo ŋu." data/train/LEV/LEV_025_Verse_003.mp3,"Ekema na woaku kpẽ le afi sia afi le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewoa gbe; le Avuléŋkeke la dzi la, na woaku kpẽ le wò anyigba blibo la dzi." data/train/LEV/LEV_027_Verse_013.mp3,"Ke nu sia nu si woatsɔ ana Yehowa, eɖanye amegbetɔ o, lã o alo anyigba si ƒe dome ame aɖe menyi o la, womadzra wo o, eye womagbugbɔ wo axɔ hã o, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo wonye na Yehowa." data/train/LEV/LEV_020_Verse_025.mp3,"“ ‘Ŋutsu aɖeke made asi fofoa nɔvinyɔnu alo dadaa nɔvinyɔnu ŋu o, elabena ƒometɔ tututu wonye na wo nɔewo. Woƒe fɔɖiɖi anɔ woawo ŋutɔ dzi." data/train/LEV/LEV_001_Verse_002.mp3,"Aron ƒe viŋutsu siwo nye nunɔlawo la ado dzo ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woaɖo nake ɖe dzo la dzi." data/train/LEV/LEV_011_Verse_015.mp3,"Fɔmizi, togbɔ be edzɔa nu gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Lã makɔmakɔ wònye na mi." data/train/LEV/LEV_015_Verse_029.mp3,"Nunɔla la atsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, atsɔ evelia asa numevɔ, eye wòalé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume le ale si gbɔtotsitsi na eŋu mekɔ o la ta." data/train/LEV/LEV_003_Verse_014.mp3,Nunɔla la atɔ dzo nu siawo le vɔsamlekpui la dzi wòanye nuɖuvɔsa na Yehowa. data/train/LEV/LEV_006_Verse_017.mp3,Nunɔla si asa vɔ sia la aɖu vɔsalã la le Agbadɔ la ƒe kpɔ me. data/train/LEV/LEV_027_Verse_026.mp3,"Ne woɖe asi le anyigba la ŋu le Aseyetsoƒe la me la, ekema anyigba la azu Yehowa tɔ abe anyigba si wotsɔ nɛ ene. Woatsɔe na nunɔla la." data/train/LEV/LEV_014_Verse_021.mp3,"Emegbe la, awu alẽvi la na fɔɖivɔsa la, eye wòasi ʋu la ƒe ɖe ɖe ame si ŋu kɔm wòle la ƒe ɖusito ŋu kple eƒe ɖusisi ƒe degblefetsu dzi kple eƒe ɖusifɔ ƒe degblefetsu dzi." data/train/LEV/LEV_010_Verse_004.mp3,"eya ta miaɖui le Kɔkɔeƒe la. Miawo kple mia viwo tɔe wònye tso vɔsa si wome na Yehowa la me, elabena eyae nye se si wode nam." data/train/LEV/LEV_015_Verse_012.mp3,"eye ame si aka asi nu siwo dzi wònɔ do sɔ la dometɔ aɖe ŋu la ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Nenema ke ame si fɔ nuawo hã la ŋuti mekɔ o va se ɖe fie; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi." data/train/LEV/LEV_005_Verse_001.mp3,"“ ‘Alo ne ame aɖe ka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu abe lã maɖumaɖua aɖe ƒe kukua ŋu, alo gbemelã alo aƒemelã alo nutata siwo ŋuti mekɔ o ene ŋu la, ewɔ nu vɔ̃, ne eya ŋutɔ menya be yeka asi nu makɔmakɔ ŋu o hã." data/train/LEV/LEV_025_Verse_045.mp3,"Ne ƒometɔ aɖeke meli si ate ŋu axɔe o, eye wòva kpɔ ga emegbe la," data/train/LEV/LEV_011_Verse_002.mp3,"“ ‘Ame si ka asi lã si ƒe afɔkli me mefe tututu o, alo lã si medzɔa nu gaɖuna o ŋu la hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ." data/train/LEV/LEV_016_Verse_010.mp3,"“Azɔ la, ado go ayi vɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume, eye wòaɖe nu vɔ̃ ɖa le eŋu. Ele be wòasisi nyitsu la kple gbɔ̃tsu la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu," data/train/LEV/LEV_025_Verse_031.mp3,"“ ‘Miɖo ŋku edzi be tɔnyee nye anyigba la, eya ta migadzrae ɖikaa o. Gbɔnyenɔlawo kple amedzro siwo le agble dzi nam ko mienye!" data/train/LEV/LEV_013_Verse_002.mp3,"Ekema ele be nunɔla la natɔ dzo awu la, avɔ la alo nu si wolɔ̃ kple lãfu, ɖeti alo lãgbalẽ la, elabena woate ŋu axɔ kpodɔ la, eya ta ele be woatɔ dzoe." data/train/LEV/LEV_026_Verse_029.mp3,"“Maɖe ŋku atɔ mi; miasi le miaƒe futɔwo nu. Ame siwo lé fu mi la aɖu mia dzi. Gawu la, miade asi sisi me, togbɔ be ame aɖeke manɔ mia nyam o hã!" data/train/LEV/LEV_007_Verse_003.mp3,"elabena le gbe si gbe wosi ami na Aron kple via ŋutsuwo la, Yehowa de se na Israelviwo be woatsɔ vɔsalã ƒe akpa siawo na wo. Wo tɔ wonye tso dzidzime yi dzidzime." data/train/LEV/LEV_027_Verse_028.mp3,"“ ‘Nu siwo katã anyigba wɔ, agblemenukuwo loo alo kutsetsewo ƒe mama ewolia ƒe ɖeka nye Yehowa tɔ, eye wonye nu kɔkɔe." data/train/LEV/LEV_017_Verse_008.mp3,"le esime wòatsɔe ava Mawu ƒe Agbadɔ la nu bena woasa vɔ na Yehowa le Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe ŋkume teƒe la, woabu ame ma be eɖi fɔ le ʋukɔkɔɖi me. Ekɔ ʋu ɖi, eye ele be woaɖee ɖa le eƒe amewo dome." data/train/LEV/LEV_010_Verse_012.mp3,"Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve siwo susɔ, Eleaza kple Itamar be, “Mitsɔ nuɖuvɔsa si susɔ esi woɖe wɔ asiʋlo ɖeka le eŋu na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi; miakpɔ egbɔ be amɔʋãtike mele eme o, eye miaɖui le vɔsamlekpui la gbɔ. Vɔsa sia nye nu kɔkɔe," data/train/LEV/LEV_015_Verse_022.mp3,"Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe gbɔ la, ele be wo ame eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ." data/train/LEV/LEV_018_Verse_018.mp3,"Migawɔ nu siawo o. Ne miewɔ nu siawo la, anyigba la atu mi aƒu gbe abe ale si wòatu dukɔ siwo le afi ma fifia la aƒu gbe ene." data/train/LEV/LEV_027_Verse_021.mp3,"Ne ame si tsɔ eƒe aƒe na agaxɔe la, ele nɛ be wòatsɔ ga home la ƒe atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe ga home la ŋu, eye aƒea agazu etɔ." data/train/LEV/LEV_013_Verse_049.mp3,"Ne ɖa vɔ le ame aɖe ƒe ŋgonu la, ekema amea ƒe ŋgoe kpã: esia menye anyidzedze o." data/train/LEV/LEV_013_Verse_041.mp3,"“Ne dzo me ame aɖe ƒe ŋutigbalẽ, eye emegbe teƒea biã loo alo le biabiã kple fufu dome alo fu kpii le teƒe si dzoa me na amea la," data/train/LEV/LEV_014_Verse_020.mp3,Ele na ame sia ame si mlɔ aƒea me alo ɖu nu le eme la be wòanya eƒe awuwo. data/train/LEV/LEV_004_Verse_008.mp3,"Ekema nunɔla la ade asibidɛ ʋu la me asisi ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te." data/train/LEV/LEV_010_Verse_016.mp3,"“Wò kple viwò ŋutsuwo, migano wain alo aha muame aɖeke ne miele Mawu ƒe Agbadɔ me yi ge o. Ne mienoe la, miaku. Esia nye ɖoɖo mavɔ hena dzidzime siwo gbɔna." data/train/LEV/LEV_008_Verse_006.mp3,"Emegbe la, etsɔ agbo la hena numevɔsasa na Yehowa. Aron kple via ŋutsuwo da woƒe asiwo ɖe agbo la ƒe ta dzi." data/train/LEV/LEV_008_Verse_003.mp3,"Edo akɔtatsyɔnu la hã nɛ, eye wòtsɔ nu si wotsɔna bia gbe Mawui, “Urim” kple “Tumim,” de akɔtatsyɔnu la ƒe kotoku me." data/train/LEV/LEV_013_Verse_039.mp3,"“Ne ame aɖe dze ŋutigbalẽdɔ si woate ŋu axɔ le ame ŋu la, woakplɔe ayi nunɔla gbɔe." data/train/LEV/LEV_012_Verse_001.mp3,"Ekema le ŋkeke blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ siwo akplɔe ɖo, le ale si eŋuti mekɔ haɖe o ta la, maka asi nu kɔkɔe aɖeke ŋuti o, eye made Agbadɔ me hã o." data/train/LEV/LEV_023_Verse_017.mp3,"“ ‘Le ɣleti gbãtɔ ma ke ƒe ŋkeke wuiatɔ̃a gbe la, Yehowa ƒe Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui adze egɔme. Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo si me womede amɔʋãtike o." data/train/LEV/LEV_004_Verse_000.mp3,"Ada eƒe asi ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, awui le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye wòatsɔe na Yehowa. Esiae nye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa." data/train/LEV/LEV_016_Verse_012.mp3,"“Ekema ado go, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple ameawo ƒe gbɔ̃tsu la, eye wòahlẽ eƒe ʋu ɖe xɔmetsovɔ la me, ahlẽe ɖe amenuvevezikpui la dzi kple eŋgɔ abe ale si wòwɔ kple nyitsu la ƒe ʋu ene." data/train/LEV/LEV_013_Verse_046.mp3,"“Ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe dze abi ɖe ta alo glã la," data/train/LEV/LEV_025_Verse_023.mp3,Mayra mi le ƒe adelia me ale gbegbe be anyigba la ana nuɖuɖu si asu mia nu ƒe etɔ̃. data/train/LEV/LEV_014_Verse_047.mp3,"Nunɔla la atsɔ alẽawo dometɔ ɖeka kple ami lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia la, eye wòatsɔ wo ana Yehowa abe fɔɖivɔsa ene to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me." data/train/LEV/LEV_021_Verse_015.mp3,"Mele be nunɔla naɖe gbolo alo nyɔnu si gbe atsu o, elabena nunɔlawo le kɔkɔe na woƒe Mawu la." data/train/LEV/LEV_005_Verse_015.mp3,"Nunɔla la ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Esiae nye nu vɔ̃ ŋuti vɔsa." data/train/LEV/LEV_022_Verse_014.mp3,"Migaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Ele be Israelviwo nabum ame kɔkɔe. Nyee nye Yehowa, ame si wɔ mi kɔkɔe," data/train/LEV/LEV_016_Verse_007.mp3,"atsɔ dzoɖesonu, aɖe aka xɔxɔwo tso Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi ade eme, eye wòalɔ dzudzɔdonu si wotu memie la ƒe asiʋlo eve ayi xɔmetsovɔ la godo." data/train/LEV/LEV_013_Verse_047.mp3,"“Ne ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo fu kpii," data/train/LEV/LEV_006_Verse_015.mp3,"“Nu siae nye nu si Aron kple via ŋutsuwo ana Yehowa le gbe si gbe woasi ami nɛ: wɔ memee kilogram ɖeka abe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa ene. Woatsɔ afã vɛ ŋdi, eye afã evelia le fiẽ." data/train/LEV/LEV_022_Verse_008.mp3,"“ ‘Gblɔ na nunɔlawo be woawɔ se siawo dzi nyuie, ne menye nenema o la, woaɖi fɔ, eye woaku le se siawo dzi dada ta. Nyee nye Yehowa, ame si kɔ wo ŋuti." data/train/LEV/LEV_017_Verse_011.mp3,"Nu sia wɔwɔ ana nunɔla la nate ŋu ahlẽ ʋu la ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi, le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòatɔ dzo lãwo ƒe ami abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ ene na Yehowa. Nu sia adze Yehowa ŋu eye wòado dzidzɔ nɛ." data/train/LEV/LEV_003_Verse_017.mp3,"Tso akpedavɔsa la me la, asa numevɔ na Yehowa kple ami siwo katã le dɔmenuawo ŋu alo ku ɖe wo ŋu," data/train/LEV/LEV_015_Verse_028.mp3,"Nunɔla la atsɔ akpakpawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòatsɔ evelia asa numevɔ. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume le afu si wòɖɔ la ta." data/train/LEV/LEV_019_Verse_009.mp3,"“ ‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene." data/train/LEV/LEV_026_Verse_035.mp3,"Miaƒe luƒoƒo ayi edzi va se ɖe wainxaɣi, wainxaɣi ayi edzi va se ɖe nuƒãɣi, miaɖu nu siwo katã ahiã mi, eye mianɔ miaƒe anyigba dzi le dedinɔnɔ me," data/train/LEV/LEV_010_Verse_014.mp3,"Tete Mose gblɔ na Aron be, “Esiae Yehowa gblɔ esi wògblɔ be, ‘Maɖe ɖokuinye afia ame siwo tena ɖe ŋutinye la kɔkɔe eye woade bubu ŋunye le amewo katã ŋkume.’ ” Eye Aron zi ɖoɖoe kpoo." data/train/LEV/LEV_006_Verse_018.mp3,"“Se siwo le nuɖuvɔsa ŋu la woe nye: ‘Aron ƒe viŋutsuwo atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ, eye woasa vɔ la le Yehowa ŋkume." data/train/LEV/LEV_010_Verse_018.mp3,"Yehowa gblɔ na Aron bena," data/train/LEV/LEV_026_Verse_017.mp3,"Mabia hlɔ̃ mi le ale si miegbe nye nubabla dzi wɔwɔ ta, to aʋawɔwɔ hehe va mia dzi me. Miasi ayi miaƒe duwo me, eye maɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome le afi ma. Miaƒe futɔwo aɖu mia dzi." data/train/LEV/LEV_009_Verse_018.mp3,"Mose gblɔ na Aron be wòate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ, alé avu gbã ɖe eɖokui ta, eye emegbe la, ɖe ame bubuawo ta abe ale si Yehowa ɖo ene." data/train/LEV/LEV_025_Verse_048.mp3,"Womeɖe mɔ na Levitɔwo be woadzra lãnyiƒenyigba siwo ƒo xlã woƒe duwo o, elabena wonye wo tɔ ɖikaa, eye womagate ŋu anye ame bubu aɖeke tɔ o." data/train/LEV/LEV_023_Verse_012.mp3,"Kpe ɖe abolo kple wain ŋuti la, miatsɔ alẽvi adre siwo xɔ ƒe ɖeka, nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo eve siwo de blibo la asa numevɔ na Yehowa. Wo katã nye dzovɔsawo eye wonye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ na Yehowa." data/train/LEV/LEV_027_Verse_012.mp3,"“ ‘Ke ne nu si amea tsɔ ɖe adzɔgbee la nye lã si dzi woda asi ɖo be woatsɔ asa vɔe na Yehowa la, ne wotsɔ lã sia ɖe adzɔgbee la, ele kɔkɔe na Yehowa." data/train/LEV/LEV_027_Verse_003.mp3,ekema nunɔla la agblɔ ga home si anyigba la axɔ va se ɖe Aseyetsoƒe si gbɔna la nɛ. Amea axe ga home ma enumake na Yehowa. data/train/LEV/LEV_007_Verse_004.mp3,elabena metia lã la ƒe akɔ kple ata be woanye Israelviwo ƒe nunana na Aron. Ele be woatsɔ vɔsalãwo ƒe akpa siawo ana Aron kple via ŋutsuwo ɣe sia ɣi.” data/train/LEV/LEV_013_Verse_032.mp3,"Ke ne teƒe la de asi keke me ɖe edzi emegbe la," data/train/LEV/LEV_008_Verse_032.mp3,Mose wɔ abe ale si Yehowa de se nɛ be ene eye ameawo katã ƒo ƒu ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. data/train/LEV/LEV_020_Verse_000.mp3,"“ ‘Ame sia ame si aƒo fi ade fofoa alo dadaa la, ele be woawui kokoko, elabena eƒo fi de eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kple ʋu." data/train/LEV/LEV_011_Verse_027.mp3,"Miekpɔ mɔ aɖu nu bubu siwo katã dzona, eye woto afɔ ene la dometɔ aɖeke o." data/train/LEV/LEV_016_Verse_029.mp3,"“Ne ewu nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa le Teƒe Kɔkɔe la, Agbadɔ blibo la kple vɔsamlekpui la ŋu ƒe wɔnawo nu la, ahe gbɔ̃ gbagbe si wotia na Azazel la vɛ." data/train/LEV/LEV_013_Verse_052.mp3,"Nunɔla la agalé ŋku ɖe eŋu, eye ne ekpɔ be eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe ƒlɔ la, ekema aɖe gbeƒã be ame la dze kpodɔ. Ŋutilã ƒe ƒɔƒlɔ fia be amea le kpodɔ lém, eya ta eŋuti mekɔ o." data/train/LEV/LEV_010_Verse_009.mp3,"Ke miawo ya la, mele be miadzo le Agbadɔ la nu o. Ne miedzo la, miaku elabena Yehowa ƒe ami si wosi na mi la gale mia dzi.” Eye wowɔ se si Mose de na wo la dzi." data/train/LEV/LEV_023_Verse_041.mp3,"“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo anyigba si mele mia na ge dzi, eye miexa nukuwo la, mitsɔ lu babla gbãtɔ vɛ na nunɔla la." data/train/LEV/LEV_025_Verse_030.mp3,"“ ‘Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ nye seawo dzi, ekema mianɔ dedie le anyigba la dzi." data/train/LEV/LEV_011_Verse_004.mp3,Ame sia ame si ka asi nu siawo ƒe kukuawo ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. data/train/LEV/LEV_015_Verse_019.mp3,"“ ‘Ne gbɔtotsitsi la xɔ ɣeyiɣi wu ale si wòxɔna tsã alo wòva le ɣeyiɣi trama aɖe dzi le ɣletia me la, ekema nyɔnu la ŋuti mekɔ o, zi ale si ʋu la le dodom abe ale si wònɔna ne wòɖo asi anyi ene." data/train/LEV/LEV_027_Verse_017.mp3,"“ ‘Ne ame aɖe tsɔ anyigba si eya ŋutɔ ƒle, eye menye eƒe ƒome ƒe anyigba ƒe akpa aɖeke o na Yehowa la," data/train/LEV/LEV_016_Verse_015.mp3,"elabena le ŋkeke sia dzi woalé avu na mi, akɔ mia ŋuti. Ekema le Yehowa ŋkume la, mia ŋuti akɔ tso miaƒe nu vɔ̃wo katã me." data/train/LEV/LEV_006_Verse_022.mp3,"Vɔsamlekpui la ƒe dzo aganɔ bibim kokoko; mele be wòatsi o. Nunɔla la agade nake yeyewo dzo la me ŋdi sia ŋdi, eye wòatsɔ gbe sia gbe ƒe numevɔsa ada ɖe edzi, atɔ dzo gbe sia gbe ƒe ŋutifafavɔsa ƒe ami." data/train/LEV/LEV_023_Verse_001.mp3,Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe le ŋkeke gbãtɔ dzi. Migawɔ dɔ sesẽ aɖeke gbe ma gbe o. data/train/LEV/LEV_026_Verse_043.mp3,"“ ‘Ne miewɔ nye seawo katã dzi la," data/train/LEV/LEV_002_Verse_005.mp3,"Miate ŋu atsɔ wo vɛ na Yehowa abe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo ƒe nunanawo ene, gake mele be woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe nu si aʋẽ lĩlĩlĩ la ene o." data/train/LEV/LEV_014_Verse_043.mp3,Nunɔla la ana woawu xeviawo dometɔ ɖeka ɖe ze si me tsi nyui le la me. data/train/LEV/LEV_026_Verse_031.mp3,"Mia dometɔ atɔ̃ anya ame alafa ɖeka ɖe du nu, eye mia dometɔ alafa ɖeka anya ame akpe ewo! Miaɖu miaƒe futɔwo katã dzi." data/train/LEV/LEV_001_Verse_005.mp3,"Ekema amea awu nyitsuvi la le afi ma le Yehowa ŋkume. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la atsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui si le agbadɔ la ƒe mɔnu la ƒe axawo katã ŋu." data/train/LEV/LEV_011_Verse_026.mp3,"Miekpɔ mɔ aɖu lã afɔene siwo ƒe afɔwo nu fetsu le o. Ame si ka asi woƒe kukua ŋu hã ŋuti mekɔ o, va se ɖe fiẽ." data/train/LEV/LEV_023_Verse_016.mp3,"Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o." data/train/LEV/LEV_020_Verse_018.mp3,"“ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia ŋutsu srɔ̃ ŋuti la, ewɔ nu makɔmakɔ, elabena eɖe nɔvia ŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe." data/train/LEV/LEV_026_Verse_028.mp3,"Maɖe miaƒe ŋusẽ si dzi miedana ɖo la dzi, mana dziƒo nanɔ na mi abe gayibɔ ene, eye anyigba nanɔ na mi abe akɔbli ene." data/train/LEV/LEV_019_Verse_000.mp3,"elabena esi woaɖu le ŋkeke etɔ̃a gbe la, madze ŋunye o, eye nyemate ŋu axɔe o." data/train/LEV/LEV_018_Verse_002.mp3,"Ele be miawɔ nye sewo dzi, eye miakpɔ egbɔ be yewozɔ ɖe nye ɖoɖowo nu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu." data/train/LEV/LEV_025_Verse_032.mp3,"“ ‘Ne ame aɖe dzra eƒe aƒe le du si woɖo gli ƒo xlãe me la, agate ŋu axɔe le ƒe ɖeka me ko." data/train/LEV/LEV_018_Verse_009.mp3,"“ ‘Mègade asi nyɔnu aɖe kple via nyɔnu alo mamayɔvia ŋu o, elabena nuwɔna ma nye vɔ̃ɖivɔ̃ɖi manyagblɔ aɖe." data/train/LEV/LEV_018_Verse_006.mp3,"“ ‘Mègade asi dawò nɔvinyɔnu ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple dawò." data/train/LEV/LEV_016_Verse_000.mp3,"Ada eƒe asi eveawo ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòaʋu Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo katã me ɖe edzi. Adro woƒe nu vɔ̃wo katã ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòana ame aɖe si wotia da ɖi la nakplɔ gbɔ̃ la ayi ɖe gbedzi." data/train/LEV/LEV_017_Verse_012.mp3,"Se sia ƒe taɖodzinue nye wòana be Israelviwo magasa vɔ le gbedzi o, ke boŋ wòana be woatsɔ woƒe vɔsanuwo vɛ na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu, woatɔ dzo ami la abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ ene, wòanye nu si adze Yehowa ŋu, eye wòado dzidzɔ nɛ." data/train/LEV/LEV_026_Verse_030.mp3,"Maɖo lã wɔadãwo ɖa be woawu mia viwo, avuvu miaƒe aƒemelãwo, aɖe miaƒe xexlẽme dzi akpɔtɔ, ale be amewo avɔ le miaƒe mɔwo dzi." data/train/LEV/LEV_004_Verse_027.mp3,"ne wova na wònya emegbe ko la, ele be wòatsɔ gbɔ̃tsu si de blibo la vɛ abe eƒe vɔsa ene." data/train/LEV/LEV_014_Verse_006.mp3,Atsɔ ami si gasusɔ ɖe eƒe miasiƒome la asi ɖe ta nɛ. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume. data/train/LEV/LEV_027_Verse_020.mp3,"“ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe aƒe abe nu si ŋuti kɔ ene na Yehowa la, nunɔla la akpɔ aƒea ƒe nyonyo alo manyomanyo dzi ɖa. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe aƒea ŋu la, nenema ko wòanɔ." data/train/LEV/LEV_025_Verse_009.mp3,"Fe si wòaxe ɖe eƒe ablɔɖe ta la, aku ɖe ƒe siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe la naɖo la ŋu. Esɔ kple fe si woaxe na agbatedɔwɔlawo le ƒe mawo me." data/train/LEV/LEV_019_Verse_032.mp3,"Nunɔla la alé avu kple agbo la le nu vɔ̃ si ŋutsu la wɔ ta, eye woatsɔe akee." data/train/LEV/LEV_016_Verse_008.mp3,"Atsɔ dzudzɔdonu la akɔ ɖe dzoka xɔxɔawo dzi le afi ma, le Yehowa ŋkume, ale be dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ naxɔ amenuvevezikpui la dzi le nubablaɖaka la tame, ale be magakpɔ nubablaɖaka la tame ne wòaku o." data/train/LEV/LEV_011_Verse_043.mp3,"Xɔfie, togbɔ be edzɔa nu gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Enye la makɔmakɔ na mi." data/train/LEV/LEV_008_Verse_019.mp3,"“Minɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu ŋkeke adre, eye le ŋkeke adreawo megbe la, miawu miaƒe ŋutikɔkɔ nu, elabena ŋkeke adree wòaxɔ." data/train/LEV/LEV_027_Verse_007.mp3,"Ke ne ame si le adzɔgbe la ɖem da ahe ale gbegbe be mate ŋu axe fe si wòle be wòaxe o la, woakplɔe va nunɔla la gbɔ, eya kple nunɔla la naɖo aɖaŋu, eye wòaxe nu si nunɔla la aɖo nɛ la." data/train/LEV/LEV_024_Verse_005.mp3,"“Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi." data/train/LEV/LEV_024_Verse_018.mp3,"Woaɖoe Yehowa ƒe ŋkume ɖaa Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe, eye miatsɔe aɖo ŋku Mawu ƒe nubabla mavɔ si wòwɔ kple Israelviwo la dzi." data/train/LEV/LEV_025_Verse_034.mp3,"Ne Aseyetsoƒe la le ŋgɔ ƒe geɖe la, anyigba la ƒe home akɔ. Ke ne ƒe ʋɛ aɖewo koe susɔ la, asi la abɔbɔ, elabena nu si ŋuti wole asi dom ɖo lae nye agblemenuku siwo anyigbatɔ yeye la akpɔ le anyigba la dzi." data/train/LEV/LEV_016_Verse_021.mp3,"“Esia nanye ɖoɖo mavɔ na mi: le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ele be miagbe nu le mia ɖokuiwo gbɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o, eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro si le mia dome o," data/train/LEV/LEV_024_Verse_014.mp3,To si woahe na ame aɖe si awɔ nuvevi ame aɖe lae nye be woawɔ nuvevi ma tututu eya hã le mɔ ma ke nu: data/train/LEV/LEV_023_Verse_009.mp3,"“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ele be miadzudzɔ mia ɖokui, wòanye takpekpe kɔkɔe si dzi woaɖo ŋkui kple kpẽkuku." data/train/LEV/LEV_008_Verse_029.mp3,"Mose wu nyitsu la, tsɔ eƒe ʋu ƒe ɖe, eye wòtsɔ eƒe asibidɛ sisi ʋua ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo katã ŋu be yeakɔ vɔsamlekpui la ŋuti. Ekɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Ale wòkɔ eŋuti, eye wòwɔe wòanye avuléle nɛ." data/train/LEV/LEV_023_Verse_026.mp3,"Nu sia ƒe taɖodzinue nye be woaɖo ŋku edzi na Israelviwo, tso dzidzime yi dzidzime be meɖe mi tso Egiptenyigba dzi, eye mena mienɔ agbadɔwo me. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”" data/train/LEV/LEV_007_Verse_010.mp3,"Eye afi sia afi si miele la, mele be miaɖu xevi alo lã aɖeke ƒe ʋu o." data/train/LEV/LEV_026_Verse_041.mp3,"“Ne miagaɖo tom ɣe ma ɣi hã o la, mana dɔvɔ̃ bubu adre nava mia dzi ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta." data/train/LEV/LEV_022_Verse_025.mp3,"“Tso azɔ dzi yi mavɔmavɔ me la, ne nunɔla aɖe si ŋu mekɔ o, tsɔ lã siwo amewo tsɔ va sa vɔe alo ka asi nu si Israelviwo tsɔ vɛ na Yehowa ŋu la, woaɖe nunɔlanyenye la le edzi, elabena nyee nye Yehowa." data/train/LEV/LEV_003_Verse_011.mp3,"“ ‘Ne ame aɖe tsɔ gbɔ̃ vɛ be yeasa vɔ na Yehowa la," data/train/LEV/LEV_008_Verse_005.mp3,"Ele be mianɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu zã kple keli ŋkeke adre, eye miawɔ nu siwo Yehowa de se na mi be miawɔ. Ne miewɔe o la, miaku. Esiawoe nye se siwo Yehowa de nam.”" data/train/LEV/LEV_016_Verse_032.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na nɔviwò, Aron be megayi Kɔkɔeƒe la le xɔmetsovɔ la megbe le nutsyɔnu si le nubablaɖaka la ŋgɔ ɣe sia ɣi si dze eŋu o, ne menye nenema o la, aku, elabena medzena le lilikpo me le nutsyɔnu la tame." data/train/LEV/LEV_025_Verse_053.mp3,"Ɖo ŋku edzi be deme aɖeke mele eme o, eye nàna nu sia nu si hiãe la adzɔmaxɔe. Mègati viɖe yome o." data/train/LEV/LEV_027_Verse_032.mp3,"Ŋutsu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃, eye nyɔnu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃." data/train/LEV/LEV_015_Verse_024.mp3,"“ ‘Ne ŋutsu si le afu ɖɔm ɖe ta ɖe ame si ŋuti kɔ ŋu la, ele na ame ma be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ." data/train/LEV/LEV_001_Verse_001.mp3,"Amea aklɔ eƒe dɔmenuwo kple afɔwo, nunɔla la atɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woazu numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu." data/train/LEV/LEV_005_Verse_016.mp3,"Nunɔla la atsɔ xevi eveawo dometɔ si wotsɔ nɛ gbã la, asa nu vɔ̃ vɔsae. Atro kɔ le xevi la nu, gake mana eƒe kɔ naɖe le enu o." data/train/LEV/LEV_023_Verse_036.mp3,Yehowa Ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la adze egɔme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienea gbe le fiẽ. data/train/LEV/LEV_017_Verse_001.mp3,"elabena ʋue nye agbe la, eya tae megblɔ na Israelviwo be womaɖui gbeɖegbeɖe o, elabena xevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe ƒe agbee nye eƒe ʋu, eya ta ele be woatsrɔ̃ ame sia ame si aɖu lã ƒe ʋu la." data/train/LEV/LEV_014_Verse_026.mp3,"eye wòatrɔ ava le ŋkeke adrea gbe be wòagalé ŋku ɖe aƒea ŋu. Ne teƒeawo keke ɖe edzi le gliawo ŋu la," data/train/LEV/LEV_011_Verse_003.mp3,"“ ‘Ame sia ame si aka asi woƒe kukua ŋu la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ," data/train/LEV/LEV_025_Verse_002.mp3,"ekema eya ŋutɔ agate ŋu aƒlee ɣe sia ɣi, eye wòaxe ga ɖe eta ɖe nuŋeɣi siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe naɖo la nu. Ele be anyigbaƒlela la naxɔ ga la, eye wòagbugbɔ anyigba la na anyigbatɔ gbãtɔ." data/train/LEV/LEV_005_Verse_003.mp3,"Alo ne ede asi ame ƒe nu makɔmakɔ aɖe, nu sia nu si ana wòagblẽ kɔ ɖo la ŋu, togbɔ be menyae hafi o hã la, ne eva nya la, aɖi fɔ." data/train/LEV/LEV_014_Verse_049.mp3,"Nunɔla la atsɔ ami si susɔ ɖe eƒe asiƒome la asi na ame si ŋu kɔm wòle la ƒe ta, atsɔ alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume." data/train/LEV/LEV_013_Verse_036.mp3,"kple afi sia afi si wòakpɔ ɖa le la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ, nenye be eŋuti katã fu kpii la, ekema eŋuti kɔ le se la nu." data/train/LEV/LEV_019_Verse_020.mp3,"“ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ dede me o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu." data/train/LEV/LEV_006_Verse_004.mp3,"“De se siawo na Aron kple via ŋutsuwo tso numevɔsa ŋuti, ‘Woagblẽ numevɔsa la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe, eye dzo nanɔ bibim le ete zã blibo la." data/train/LEV/LEV_015_Verse_017.mp3,"“Migblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ŋutsu aɖe le afu ɖɔm la, eŋuti mekɔ o." data/train/LEV/LEV_016_Verse_023.mp3,"eye wòahlẽ ʋu la ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la dzi zi adre kple eƒe asibidɛ. Ale wòakɔ eŋuti tso Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo me, eye wòawɔe kɔkɔe." data/train/LEV/LEV_006_Verse_029.mp3,"Ŋutsu ɖe sia ɖe si dzɔ tso Aron me, nunɔla ɖe sia ɖe, ate ŋu aɖui tso dzidzime yi dzidzime. Ke nunɔla siwo ŋuti kɔ koe kpɔ mɔ aɖu vɔsanu siwo wome na Yehowa.’ ”" data/train/LEV/LEV_026_Verse_021.mp3,"makaka vɔsamlekpui siwo le towo dzi, afi si miedea ta agu na legbawo le. Magbã miaƒe dzudzɔdovɔsamlekpuiwo, miaƒe ame kukuwo aƒaƒã ɖe miaƒe legbawo dome, eye mianyɔ ŋu nam." data/train/LEV/LEV_024_Verse_011.mp3,"“ ‘Megale egblɔm be ne ame aɖe wu ame bubu aɖe ƒe lã la, ele be wòaɖo eteƒe, eye ne ame aɖe wu ame la, woawu eya hã." data/train/LEV/LEV_025_Verse_010.mp3,"fofoa alo dadaa nɔviŋutsu, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu, viŋutsu alo ame sia ame si nye eƒe ƒometɔ tututu la ate ŋu axɔe. Eya ŋutɔ hã ate ŋu axɔ eɖokui ne ate ŋu akpɔ ga home la." data/train/LEV/LEV_017_Verse_002.mp3,"Esi lã aɖe ƒe agbe le eƒe ʋu me ta la, metsɔ lãwo ƒe ʋu na mi be miahlẽ ɖe vɔsamlekpui la dzi abe miaƒe luʋɔwo ŋuti kɔkɔ ene. Ʋue léa avu, elabena eyae nye agbe la." data/train/LEV/LEV_013_Verse_029.mp3,"“Ke ne nunɔla la lé ŋku ɖe eŋu le ŋkeke adrea gbe, eye wòkpɔ be teƒe la mekeke ɖe edzi o la," data/train/LEV/LEV_016_Verse_016.mp3,"Emegbe la, akplɔ gbɔ̃tsu eveawo ava Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu," data/train/LEV/LEV_013_Verse_056.mp3,“Womatsɔ ame aɖeke ƒe ɖa ƒe bebe le ta nɛ abe anyidzedze ene o! data/train/LEV/LEV_014_Verse_054.mp3,"Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ kpe ɖe nuɖuvɔ ŋu. Nunɔla la alé avu ɖe amea nu le Yehowa ŋkume.”" data/train/LEV/LEV_010_Verse_003.mp3,"eya ta dzo tso Yehowa gbɔ, eye wòtsrɔ̃ wo; ale woku le Yehowa ŋkume." data/train/LEV/LEV_024_Verse_006.mp3,"“ ‘Kpe ɖe esia ŋuti la, woawu hlɔ̃dolawo katã." data/train/LEV/LEV_016_Verse_004.mp3,"“Ame si kplɔ gbɔ̃tsu la yi na Azazel le gbedzi la, agbɔ ava nya eƒe awuwo, ale tsi, eye wòayi asaɖa la me." data/train/LEV/LEV_018_Verse_023.mp3,"“ ‘Se sesẽ tsi tsitre ɖe ŋutsu kple ŋutsu ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ ŋuti, elabena enye nu vɔ̃ triakɔ le Mawu gbɔ." data/train/LEV/LEV_025_Verse_044.mp3,"Ne ƒeawo va yi, eye wòsusɔ ƒe ʋɛ aɖewo ko Aseyetsoƒe la naɖo la, ekema axe ga si wòxɔ esi wòdzra eɖokui la ƒe akpa sue aɖe ko." data/train/LEV/LEV_025_Verse_025.mp3,"“ ‘Mele alea le Levitɔwo ya gome o. Levitɔwo ya ate ŋu agbugbɔ woƒe aƒewo axɔ ɣe sia ɣi, le du siwo wotsɔ na wo la me," data/train/LEV/LEV_020_Verse_006.mp3,"“ ‘Eya ta mikɔ mia ɖokuiwo ŋu, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu." data/train/LEV/LEV_008_Verse_001.mp3,"Ale Mose gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Ale Yehowa ɖo nam be mawɔe nye esi.”" data/train/LEV/LEV_007_Verse_006.mp3,"Esiae nye woƒe fetu! Ele be woaɖe wo ɖa tso numevɔsa la gbɔ, eye woatsɔ wo ana ame siwo katã wotia be woasubɔ Yehowa abe nunɔlawo ene. Ame siawoe nye Aron kple via ŋutsuwo," data/train/LEV/LEV_009_Verse_006.mp3,"Emegbe la, Aron wu eƒe asiwo dzi ɖe dukɔ la dzi, yra wo; eye esi wòsa nu vɔ̃ vɔ, numevɔ, kple akpedavɔ vɔ la, eɖi le vɔsamlekpui la dzi." data/train/LEV/LEV_021_Verse_004.mp3,"elabena mele be wòanye fofo na ɖevi siwo nyɔnu si wòɖe la kplɔ va atsuƒee o; nu sia aɖi gbɔ̃ eya ŋutɔ ƒe viwo le eƒe amewo dome, elabena nyee nye Yehowa, ame si wɔe kɔkɔe.’ ”" data/train/LEV/LEV_025_Verse_039.mp3,"Ne miewɔ seawo dzi la, miaƒe agblemenukuwo aʋã, eye miaɖu nu aɖi ƒo." data/train/LEV/LEV_013_Verse_014.mp3,"Eye nunɔla la agadoe kpɔ. Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti mekɔ o, kpodɔe wòdze." data/train/LEV/LEV_017_Verse_015.mp3,"“Ƒo nu na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiae nye se si Yehowa de:" data/train/LEV/LEV_013_Verse_015.mp3,"eye teƒe la ƒe fufu dzi le ɖeɖem kpɔtɔ la, ekema amea medze anyi o, ke boŋ dɔléle aɖe koe ƒo ɖe eŋu." data/train/LEV/LEV_008_Verse_017.mp3,"Le esia yome la, esisi ʋua ɖe Aron ƒe viŋutsuwo ƒe ɖusitowo, woƒe asi adegblefetsu ɖusitɔwo kple woƒe ɖusifɔwo ƒe adegblefetsu ŋu, eye wòhlẽ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo." data/train/LEV/LEV_014_Verse_041.mp3,"nunɔla la agava alé ŋku ɖe wo ŋu, eye ne ekpɔ be wokeke ɖe edzi la, ekema atso nya me be kpodɔe, eye aƒea ŋu mekɔ o." data/train/LEV/LEV_026_Verse_036.mp3,"Miaƒe nukuwo asɔ gbɔ na mi wu ale si miehiã ale gbegbe be miaganya nu si miawɔ kple esi atsi anyi o, eye mianya ɣeyiɣi si nuŋeɣi agaɖo o!" data/train/LEV/LEV_020_Verse_001.mp3,"ekema nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe amea kple eƒe ƒometɔwo ŋu, eye matsrɔ̃ ame siwo katã subɔa Molek alo mawu bubuwo." data/train/LEV/LEV_024_Verse_017.mp3,"woawu ame sia ame si ado vlo Yehowa ƒe ŋkɔ. Ame sia ame si le ameha la me aƒu kpee. Eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro, ne edo vlo Ŋkɔ la ko, woawui." data/train/LEV/LEV_013_Verse_012.mp3,"eye le teƒe si ƒoƒoe la ƒo nɛ nu ƒoƒoe wuliwuli aɖewo ƒo ɖi esiwo le ɣie alo le nu dzĩ kple nu ɣi dome la, ele nɛ be wòatsɔ eɖokui afia nunɔlaa." data/train/LEV/LEV_018_Verse_020.mp3,"Milé nye ɖoɖowo kple nye sewo me ɖe asi, elabena ame si léa wo me ɖe asi la, anɔ agbe ɖe wo nu. Nyee nye Yehowa." data/train/LEV/LEV_027_Verse_024.mp3,"Ne lãkplɔla aɖe le eƒe lãwo xlẽm ɖekeɖekae la, lã ewolia ɖe sia ɖe nye Yehowa tɔ, eɖanye nyi, alẽ alo aƒemelã bubu ɖe sia ɖe o." data/train/LEV/LEV_004_Verse_018.mp3,"Ke ne eva nya teti ko la, ele nɛ be wòatsɔ gbɔ̃nɔ si de blibo la vɛ be yeatsɔe alé avui ɖe yeƒe nu vɔ̃ ta." data/train/LEV/LEV_004_Verse_003.mp3,"Akplɔe va afi si wowua numevɔsalãwo le, ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã ene." data/train/LEV/LEV_026_Verse_014.mp3,"Le woawo ta la, maɖo ŋku nye ŋugbedodowo na wo tɔgbuiwo dzi be manye woƒe Mawu, elabena nyee kplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte le esime dukɔwo katã ƒe nu ku esi wonɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Nyee nye Yehowa!”" data/train/LEV/LEV_003_Verse_003.mp3,ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu le lã la ƒe ali gbɔ kple esi le aklã la ŋu; aɖewo kple ayikuawo. data/train/LEV/LEV_023_Verse_042.mp3,"“Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ nye Avuléŋkekenyui la. Miwɔ takpekpe kɔkɔe, miatsi nu adɔ, eye miasa dzovɔ na Yehowa." data/train/LEV/LEV_019_Verse_002.mp3,"Ele be mialé be na wo abe mia ɖokuiwo ene, eye miaɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu!" data/train/LEV/LEV_019_Verse_026.mp3,"Miɖui le ŋkeke si dzi miesa vɔ la le alo ne ŋu ke. Nu si atsi anyi va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la, woatɔ dzoe," data/train/LEV/LEV_001_Verse_004.mp3,"Ekema amea afli lã la, eye nunɔla la atsɔ lãkɔawo, lã la ƒe ta kple eƒe ami ada ɖe nakeawo dzi le vɔsamlekpui la dzi." data/train/LEV/LEV_027_Verse_034.mp3,"Ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo kilogram ƒe mama atɔ̃ ƒe ɖeka, eye ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo gram alafa ɖeka kple ewo." data/train/LEV/LEV_007_Verse_014.mp3,"Le lã la tsɔtsɔ sa vɔe kple etsɔtsɔ na Yehowa abe ŋutifafavɔsa ene be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple akpedada tɔxɛ afia vɔ megbe la, woaɖu vɔsalã la gbe ma gbe ke, eye ɖeke matsi anyi ŋu nake o." data/train/LEV/LEV_021_Verse_014.mp3,"Mekpɔ mɔ age ɖe teƒe si ame kuku le o. Mekpɔ mɔ hã be wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui, na fofoa alo dadaa gɔ̃ hã o." data/train/LEV/LEV_011_Verse_031.mp3,"“ ‘Ne dɔléle wu lã aɖe si ŋu woɖe mɔ le be woaɖu la, ame si ka asi lã la ƒe kukua ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ." data/train/LEV/LEV_012_Verse_004.mp3,"Ne nyɔnu aɖe dzi nyɔnuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o kɔsiɖa eve, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi. Ekema le ŋkeke blaade-vɔ-ade siwo akplɔe ɖo me la, ʋu si anɔ dodom le eŋuti la ana be eƒe ŋuti nanɔ kɔkɔm." data/train/LEV/LEV_026_Verse_005.mp3,"elabena ele be anyigba la nagbɔ ɖe eme le esime amewo dzo le edzi. Ekema, mlɔeba la, woaxɔ woƒe tohehe le nye seawo dzi mawɔmawɔ kple woƒe vlododo nye dziɖuɖu ta." data/train/LEV/LEV_007_Verse_025.mp3,Nunɔla la atɔ dzo nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe fɔɖivɔsa ene na Yehowa. data/train/LEV/LEV_019_Verse_024.mp3,"Miwɔ nudanu kple nudakpe anukwaretɔwo, nudanu kple nudzidzenu anukwaretɔwo ŋu dɔ. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egipte." data/train/LEV/LEV_016_Verse_022.mp3,"eye wòadzidze nu, anya gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ kple esi nye Azazel tɔ, si ŋu wòaɖe asi le." data/train/LEV/LEV_027_Verse_014.mp3,"Mele be adzɔgbeɖela la natrɔ eƒe ta me o; matrɔ ta me le etsɔtsɔ na Yehowa ŋu loo alo atsɔ nu nyui aɖo gbegblẽa teƒe alo atsɔ gbegblẽa aɖo nyuia teƒe o. Ne etrɔ ta me la, ekema lã si wòɖɔli kple esi wòtsɔ ɖɔlii siaa le kɔkɔe." data/train/LEV/LEV_022_Verse_020.mp3,"Ne nane de gbɔ edzi alo nane mede tututu o le nyitsu alo alẽ si wotsɔ vɛ ƒe ŋutilã ŋu la, woate ŋu anae abe lɔlɔ̃nununana ene, ke menye hena adzɔgbeɖefexexe o." data/train/LEV/LEV_024_Verse_007.mp3,"“Kplɔ busunyagblɔla la yi asaɖa la godo. Ame siwo katã se eƒe busunyagbɔgblɔ la ada asi ɖe eƒe ta dzi, eye takpelawo katã aƒu kpee." data/train/LEV/LEV_004_Verse_014.mp3,eye wòatɔ dzo wo ɖe numevɔsamlekpui la dzi abe ale si wotsɔa nyitsu alo nyinɔ sãa akpedavɔ ene tututu. data/train/LEV/LEV_019_Verse_004.mp3,“ ‘Ele be miatsɔ bubu kple sisiɖa si dze la na ame tsitsiwo le Mawuvɔvɔ̃ ta. Nyee nye Yehowa! data/train/LEV/LEV_019_Verse_006.mp3,"“ ‘Ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nafia dzɔdzɔenyenye le woƒe nyametsotsowo me, eye womakpɔ ame aɖeke ƒe ahedada alo hotsuikpɔkpɔ dzi ɖa o. Ele be woawɔ nuteƒe ɣe sia ɣi." data/train/LEV/LEV_020_Verse_017.mp3,"“ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia nyɔnu, eɖanye fofoa ƒe vinyɔnu alo dadaa ƒe vinyɔnu ŋu la, enye ŋukpenanu, eye ele be woatsrɔ̃ wo ame eve la ɖa tso Israelviwo dome. Fɔɖiɖi la anɔ ŋutsu la dzi." data/train/LEV/LEV_008_Verse_012.mp3,eye nàna ameha blibo la naƒo ƒu ɖe Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu.” data/train/LEV/LEV_013_Verse_044.mp3,"Ne nunɔla la kpɔ be teƒe la ƒe amadede klo le nua nyanya megbe la, ekema alã teƒe la ɖa le avɔ la, lãgbalẽnu alo nu lɔlɔ̃ la me." data/train/LEV/LEV_008_Verse_015.mp3,"Le esia megbe la, etsɔ tsi klɔ agbo la ƒe dɔmenuwo kple afɔwo, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Ale agbo blibo la fia le Yehowa ŋkume. Esia nye numevɔsa si dze Yehowa ŋu ŋutɔ, elabena Mose zɔ ɖe nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la dzi pɛpɛpɛ." data/train/LEV/LEV_008_Verse_013.mp3,"eye wòdo awutewui tɔxɛ la, alidziblanu la, dziwui kple kɔmewu la na Aron." data/train/LEV/LEV_021_Verse_009.mp3,"“Gblɔ na Aron be, ‘Le dzidzime siwo gbɔna me la, nuwɔametɔ aɖeke mekpɔ mɔ ate va be yeatsɔ eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu asa vɔ̃e o." data/train/LEV/LEV_004_Verse_025.mp3,"“ ‘Ne nunɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòto esia me he fɔɖiɖi va ameawo dzi la, ele nɛ be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ si de blibo la asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa." data/train/LEV/LEV_021_Verse_012.mp3,"Maɖe ahosi alo nyɔnu si gbe atsu alo nyɔnu si atsu gbe loo alo gbolo o. Ele be wòaɖe ɖetugbi dzadzɛ tso eya ŋutɔ ƒe to la me," data/train/LEV/LEV_013_Verse_051.mp3,"Nunɔla la agadoe akpɔ le ŋkeke adre evelia gbe. Ne dɔléle la dzi ka ɖe, eye teƒea megakeke ɖe edzi o la, ekema nunɔla la atso nya me be amea ŋuti kɔ, dzi koe ƒo ɖe eŋu. Nu si amea awɔ la koe nye wòanya eƒe awuwo, eye eƒe ŋuti akɔ," data/train/LEV/LEV_022_Verse_015.mp3,"Ne ame aɖe be yeasa akpedavɔ na Yehowa tso eƒe lãhawo me, abe adzɔgbeɖefexexe ene loo alo abe nu si tso eƒe dzi me nana ko ene la, ele be wòana lã aɖe si de blibo. Ne mele alea o la, Yehowa maxɔ eƒe nunana la o." data/train/LEV/LEV_020_Verse_019.mp3,"“ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ fofoa srɔ̃ gbɔ la, eɖe fofoa ƒe amama ɖe go. Ele be woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa, elabena woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui." data/train/LEV/LEV_023_Verse_020.mp3,Miawɔ dɔ aɖeke kura o. Ele be esia nanye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo ava va le afi si mianɔ. data/train/LEV/LEV_004_Verse_007.mp3,"Dukɔ la ƒe ametsitsiwo ada asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye woawui le Yehowa ŋkume." data/train/LEV/LEV_001_Verse_015.mp3,"Nunɔla la atsɔ xevi la ayi vɔsamlekpui la gbɔ, atro kɔ le enu, ana eƒe ʋu naɖuɖu ɖe anyi le vɔsamlekpui la ƒe axadzi, eye woame lã la le vɔsamlekpui la dzi." data/train/LEV/LEV_007_Verse_031.mp3,"“Woawu fɔɖivɔsalã la le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye woatsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo akpe ɖo." data/train/LEV/LEV_007_Verse_001.mp3,ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kple eƒe aklã asa vɔe ɖe vɔsamlekpui la dzi. data/train/LEV/LEV_027_Verse_027.mp3,"Nenye be nyɔnue la, ana klosalo kpekpeme kilogram ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka." data/train/LEV/LEV_013_Verse_017.mp3,"eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la mekeke ɖe edzi o, ne fu si le afi ma ƒe amadede meɖi aŋuti ɖiɖi tɔ o, eye ne medze be dɔléle aɖee tso eƒe lãme ke o la," data/train/LEV/LEV_026_Verse_001.mp3,"Ekema anyigba la akpɔ gbɔdzɔe le ɣeyiɣi siwo katã wònye gbegbe la me, esime miele miaƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, ekema anyigba la adzudzɔ, eye wòakpɔ eƒe gbɔdzɔe." data/train/LEV/LEV_020_Verse_004.mp3,"Emegbe nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe eŋu, eye maɖee ɖa le eƒe amewo dome, elabena etsɔ via sa vɔe na Molek, eto esia me wɔ nye Agbadɔ wòzu teƒe si medze be maganɔ o, eye wòdo vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la." data/train/LEV/LEV_014_Verse_042.mp3,"Nunɔla la ana woafɔ nu sia nu ado goe le aƒea me hafi wòalé ŋku ɖe aƒea ŋu, ale be nu siwo le aƒea me la dometɔ aɖeke magazu nu makɔmakɔ ne ekpɔ be kpodɔ le aƒea me o." data/train/LEV/LEV_005_Verse_002.mp3,"Alo ne ame aɖe ka atam be yeawɔ nane evɔ mebu ta me nyuie hafi kae o, eɖanye nyui alo vɔ̃ la, le nya sia nya si me wòaka atam le tamemabumabutɔe la, togbɔ be menya nu si wɔm wòle o hã la, ne eva nya emegbe la, aɖi fɔ." data/train/LEV/LEV_009_Verse_021.mp3,"Nu si kplɔ esia ɖo lae nye Aron wu numevɔsalã la. Via ŋutsuwo tsɔ ʋua nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo." data/train/LEV/LEV_013_Verse_023.mp3,"Ke ne dzesi ma megadze le nu lɔlɔ̃a nyanya vɔ megbe o la, woaganyae, eye woagate ŋu awɔ eŋu dɔ azɔ.”" data/train/LEV/LEV_027_Verse_016.mp3,"Ne ame aɖe di be yeaxɔ yeƒe kutsetse la alo agblemenuku la aƒle la, ele be wòaxe ga home la kple eƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka." data/train/LEV/LEV_018_Verse_013.mp3,"“ ‘Mègade asi wò tɔgbuiyɔvi nyɔnu si nye viwò ŋutsu ƒe vi alo viwò nyɔnu ƒe vi la ŋu o, elabena woƒe amamae nye wò hã tɔ." data/train/LEV/LEV_025_Verse_018.mp3,"ke ne Levitɔ aɖeke mexɔe o la, ekema woaɖe asi le aƒe si wodzra le woawo ŋutɔ ƒe du me la ŋuti le Aseyetsoƒe la dzi, elabena Levitɔwo ƒe duwo nye woawo ŋutɔ tɔ le Israelviwo dome." data/train/LEV/LEV_016_Verse_001.mp3,"Ado kɔmewu kɔkɔe la, eye wòado aklalawutewuiawo ɖe ete. Emegbe la, atsɔ aklalalidziblanu la abla ɖe eɖokui ŋu, eye wòatsɔ aklalatablanu la abla tae. Nu siawo nye awu kɔkɔewo, eya ta ele nɛ be wòale tsi hafi ado wo." data/train/LEV/LEV_024_Verse_009.mp3,"“Le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi la, nunɔlagã atsɔ abolo bɔbɔe wuieve si wotsɔ wɔ kilogram etɔ̃ me ɖe sia ɖe," data/train/LEV/LEV_006_Verse_014.mp3,"“Nenye be ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye meto nyateƒe na Yehowa o, ne eble ehavi tso nu si woda ɖe egbɔ alo be nedzra ɖo na ye alo wòfi alo wòbae" data/train/LEV/LEV_014_Verse_016.mp3,"Ekema nunɔla la ahlẽ ʋu la ɖe ame si ŋu kpodɔ la vɔ le la ŋu zi adre. Nunɔla la aɖe gbeƒã be amea ŋu kɔ azɔ, eye wòaɖe asi le xevi gbagbe la ŋu wòadzo adzo." data/train/LEV/LEV_002_Verse_013.mp3,"Nunɔlaa atɔ dzo vɔsanu la ƒe akpa aɖe ko, ke Yehowa akpɔ ŋudzedze le vɔsanu blibo la ŋuti." data/train/LEV/LEV_016_Verse_018.mp3,"Enye dzudzɔgbe na mi, miawɔ ŋkeke la ŋu dɔ na nutsitsidɔ. Esia nye se mavɔ na mi." data/train/LEV/LEV_026_Verse_003.mp3,"ekema nu si mawɔ mie nye: mado ŋɔdzi na mi kple asrã sesẽtɔ. Dɔléle aɖe fu na miaƒe ŋkuwo, eye gbɔdzɔgbɔdzɔ age ɖe miaƒe agbenɔnɔ me. Dzodzroe miaƒã miaƒe nukuwo, elabena miaƒe futɔwoe aɖu wo." data/train/LEV/LEV_015_Verse_011.mp3,"Eya ta esiae nye se na ŋutsu si le afu ɖɔm kple ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o," data/train/LEV/LEV_002_Verse_012.mp3,"“ ‘Ne wotsɔ abolo si wome le kpo me vɛ abe vɔsa na Yehowa ene la, ele be woamee kple wɔ memee kple ami, gake amɔʋãtike manɔ eme o. Woate ŋu atsɔ akpɔnɔ si wome kple wɔ maʋamaʋã, eye wokɔ ami ɖe edzi hã ana abe nuɖuvɔsa ene." data/train/LEV/LEV_004_Verse_017.mp3,"“ ‘Ke ne edi be yeasa vɔ la kple alẽ la, ekema ele be wòanye alẽnɔ si de blibo." data/train/LEV/LEV_015_Verse_000.mp3,"“ ‘Abati si dzi wòmlɔ kple nu si dzi wònɔ hã ŋu mekɔ o," data/train/LEV/LEV_017_Verse_004.mp3,"“Gblɔ na wo be, ‘Israelvi aɖe alo amedzro aɖe si le mia dome, ame si asa numevɔ alo vɔsa bubu aɖe," data/train/LEV/LEV_006_Verse_010.mp3,"“Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be se siwo le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu la woe nye esiawo. “Vɔsa sia nye nu kɔkɔe. Woawu vɔsalã la le Yehowa ŋkume, afi si wowua numevɔsalãwo le." data/train/LEV/LEV_023_Verse_014.mp3,"Le ŋkeke gbãtɔ dzi la, mitsɔ kutsetseti ƒe alɔ siwo dzi kutsetsewo le kple deʋaya kple atilɔ siwo do abe amiti siwo le tɔʋuwo to ene; mitsɔ wo tu agbadɔwo. Mitso aseye le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume ŋkeke adre sɔŋ." data/train/LEV/LEV_001_Verse_010.mp3,"Ke amea aklɔ dɔmenuawo kple afɔawo, eye nunɔlawo atɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. Anye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ ado dzidzɔ na Yehowa." data/train/LEV/LEV_019_Verse_031.mp3,"“ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi kosi si menye ablɔɖeme o ŋu, eye wòbia eta na ɖeɖe la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo le ʋɔnudrɔ̃ƒe, gake womawu wo o, elabena kosi la menye ablɔɖeme o." data/train/LEV/LEV_027_Verse_029.mp3,"Woaxe gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu, eye woaxe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu." data/train/LEV/LEV_014_Verse_027.mp3,eye wòatsɔ eƒe ɖusi ƒe asibidɛ ɖeka ahlẽ ami la ƒe ɖe zi adre le Yehowa ŋkume. data/train/LEV/LEV_018_Verse_029.mp3,"Ɛ̃, ame siwo le anyigba si dzi mele mia kplɔm le yiyim dzi la wɔa nu vɔ̃ siawo madzudzɔmadzudzɔe ale gbegbe be anyigba blibo la gblẽ." data/train/LEV/LEV_022_Verse_022.mp3,"“Ne wodzi nyivi alo alẽvi alo gbɔ̃vi aɖe la, woana wòanɔ dadaa gbɔ ŋkeke adre. Tso ŋkeke enyilia dzi la, woaxɔe abe dzovɔsa ene na Yehowa." data/train/LEV/LEV_020_Verse_020.mp3,"“ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe si tsi gbɔto gbɔ la, woatsrɔ̃ wo ame eve la, elabena ŋutsu la ɖe nyɔnu la ƒe makɔmakɔnyenye ɖe go." data/train/LEV/LEV_001_Verse_009.mp3,"Emegbe la, alé eƒe aʋalawo, eye wòafe xevi la me, gake eƒe aʋalawo maɖe ɖa le xevi la ŋu o. Azɔ la, nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi, eye wòanye vɔsa si adze Yehowa ŋu. Enye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu." data/train/LEV/LEV_008_Verse_009.mp3,"Emegbe la, Mose tsɔ ami sisi la, eye wòwui ɖe Agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋu, eye wòkɔ wo ŋuti." data/train/LEV/LEV_009_Verse_011.mp3,"eye wògblɔ na Aron be wòalé nyitsu ɖeka tso nyiha la me hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena numevɔsa, eye wòasa vɔ le Yehowa ŋkume." data/train/LEV/LEV_016_Verse_014.mp3,"Ekema aɖe nu vɔ̃ ɖa le teƒe kɔkɔe la ŋu, elabena Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo na wòzu nu makɔmakɔ, eye wòagaɖe nu vɔ̃ ɖa le Agbadɔ si le ameawo dome, eye woƒe nu vɔ̃wo ƒo xlãe la hã ŋu." data/train/LEV/LEV_026_Verse_037.mp3,"Miaɖu miawo ŋutɔ mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo," data/train/LEV/LEV_017_Verse_009.mp3,"“ ‘Mado dɔmedzoe ɖe ame sia ame, Israelvi loo alo amedzro si le mia dome, si aɖu lã aɖe ƒe ʋu la ŋu. Maɖee ɖa le eƒe amewo dome." data/train/LEV/LEV_007_Verse_033.mp3,Woaɖe ame sia ame si aɖu lã si wome na Yehowa abe vɔsa ene ƒe ami la le Mawu ƒe ha me. data/train/LEV/LEV_011_Verse_036.mp3,"Ne tsi si wotsɔ klɔ nu makɔmakɔ aɖe ŋu hlẽ ɖe nuɖuɖu aɖe ŋu la, nuɖuɖu la ŋu mekɔ o. Nunono si le agba makɔmakɔ aɖe me hã ŋu mekɔ o." data/train/LEV/LEV_006_Verse_016.mp3,"Nunɔla la aɖe wɔ memee la ƒe asiʋlo ɖeka, akɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe Yehowa tɔ ene tso nu si wotsɔ vɛ la me. Yehowa axɔe kple dzidzɔ gã." data/train/LEV/LEV_027_Verse_023.mp3,"Ne lã la nye lã si woate ŋu atsɔ asa vɔe, gake amea di be yeaxe fe ɖe eteƒe la, ekema axe ga home si nunɔla la agblɔ nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu." data/train/LEV/LEV_015_Verse_021.mp3,"“ ‘Ne nyɔnu aɖe kpɔ dzinu la, eŋu mekɔ o va se ɖe esime ŋkeke adre nava yi. Le ɣeyiɣi sia me la, ame sia ame si ka asi eŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ." data/train/LEV/LEV_022_Verse_002.mp3,"Amedzro siwo le mia dome kple Israelviwo siaa woawɔ se siawo dzi le vɔsanuwo nana me, elabena Mawu maxɔ lã si ŋu nane gblẽ le la na vɔsa sia o.’ ”" data/train/LEV/LEV_009_Verse_009.mp3,Etɔ dzo lã la kple eƒe agbalẽ le asaɖa la godo. data/train/LEV/LEV_020_Verse_012.mp3,"Miwɔ nye seawo katã dzi, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa mia ŋuti." data/train/LEV/LEV_025_Verse_014.mp3,"ke boŋ nàbui abe wò agbatedɔwɔla alo wò amedzro ene, eye wòasubɔ wò va se ɖe Aseyetsoƒe la me." data/train/LEV/LEV_025_Verse_033.mp3,"“ ‘Ne amedzro aɖe si le mia dome zu hotsuitɔ, eye ne Israelvi aɖe ɖo ko, eye wòdzra eɖokui na amedzro hotsuitɔ la alo hotsuitɔ la ƒe ƒometɔ la," data/train/LEV/LEV_025_Verse_046.mp3,"Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si ado tso anyigba la me le dzudzɔƒe la me la, anye nuɖuɖu na mi, na wò ŋutɔ, wò ŋutsusubɔla kple wò nyɔnusubɔla kple agbatedɔwɔla kple ame si le gbɔwò le ŋkeke mawo me ko," data/train/LEV/LEV_020_Verse_009.mp3,"“ ‘Maɖe ŋku atɔ ame sia ame si adze ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo yome, eye madze nye boŋ yome o; matsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome." data/train/LEV/LEV_025_Verse_008.mp3,"eye miate ŋu aƒle amedzro siwo ƒo xlã mi la ƒe viwo, togbɔ be wodzi wo le miaƒe anyigba dzi hã." data/train/LEV/LEV_020_Verse_008.mp3,"“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be woawu Israelvi alo amedzro si le Israel, ame si atsɔ viawo dometɔ aɖe ana Molek. Teƒe ma nɔlawo naƒu kpee." data/train/LEV/LEV_007_Verse_021.mp3,"“Nenye akpedada tae wole vɔ la sam ɖo la, ekema woatsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la akpe ɖe vɔsalã la kple akaklɛ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple wɔ memee si woblu kple ami hetsɔ tɔ wɔkakloe la ŋu." data/train/LEV/LEV_006_Verse_003.mp3,"Ame siwo ŋuti wokɔ, eye wozu nunɔlawo la koe kpɔ mɔ aka asi lã la ŋu. Ne ʋu hlẽ ɖe ame aɖe ƒe awu ŋu la, woanyae le teƒe kɔkɔe aɖe." data/train/LEV/LEV_015_Verse_016.mp3,"Le ŋkeke enyia gbe la, nyɔnu la atsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu." data/train/LEV/LEV_027_Verse_002.mp3,"Ekema le Aseyetsoƒe la me la, anyigba la agazu nutɔ gbãtɔ si si wòƒlee le la tɔ." data/train/LEV/LEV_027_Verse_004.mp3,ekema ɖe ŋutsu si xɔ tso ƒe blaeve yi blaade nu la ana klosalo kpekpeme kilogram afã ɖe Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. data/train/LEV/LEV_009_Verse_005.mp3,"Ekpala dɔmenuawo kple afɔawo, eye wòtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numevɔsa ene." data/train/LEV/LEV_007_Verse_036.mp3,"Yehowa de se siawo na Mose le Sinai to dzi, be wòana Israelviwo nanya ale si woasa vɔe na Yehowa le Sinai gbedzi." data/train/LEV/LEV_013_Verse_018.mp3,"eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋu mekɔ o, edze kpodɔ." data/train/LEV/LEV_011_Verse_011.mp3,"Esiawoe nye vovototo siwo le nu siwo ŋuti kɔ, eye woaɖu wo kple nu siwo ŋuti mekɔ o, eye womaɖu wo o le nu gbagbe siwo nye lãwo le anyigba dzi la dome.’ ”" data/train/LEV/LEV_024_Verse_010.mp3,"Le Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe xɔmetsovɔ megbe la, Aron akpɔ akaɖiawo dzi woanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime." data/train/LEV/LEV_013_Verse_034.mp3,"Ke ne teƒea mekeke ɖe edzi o la, ekema ƒoƒoe la ƒe abiteƒe koe. Nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ." data/train/LEV/LEV_013_Verse_016.mp3,"eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la mekeke ɖe edzi o, eye medze abe dɔléle la tso ŋutigbalẽ la te o ene la, ekema nunɔla la atso nya me be medze kpodɔ o. Ekema ne enya eƒe awuwo ko la, eŋuti kɔ." data/train/LEV/LEV_025_Verse_019.mp3,"Ke ne mete ŋu xɔe le ƒe ɖeka ma me o la, ekema azu eƒlela kple eƒe dzidzimeviwo tɔ ɖikaa, eye magbugbɔ ayi edzrala ƒe asi me le Aseyetsoƒe la gɔ̃ hã me o." data/train/LEV/LEV_010_Verse_008.mp3,"Ke miate ŋu aɖu lã la ƒe akɔ kple ata si wonye le yame le Yehowa ŋkume abe nu si wotsɔ nɛ ƒe dzesi ene la, le teƒe kɔkɔe ɖe sia ɖe. Wò kple viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo ƒe nuɖuɖue. Eyae nye mia tɔ le Israelviwo ƒe akpedavɔsawo me." data/train/LEV/LEV_016_Verse_027.mp3,"Le dzidzime bubuwo ƒe ɣeyiɣiwo me la, nunɔlagã si wosi ami na, eye wokɔ eŋuti ɖe Tɔgbuia Aron teƒe lae awɔ ŋutikɔkɔ kɔnu sia. Eyae nye ame si ado aklalawu kɔkɔeawo," data/train/LEV/LEV_008_Verse_027.mp3,"Mose tsɔ ami sisi la azɔ kple ʋu si wòhlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu la ƒe ɖe, eye wòhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu. Ale wòkɔ Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu, be Yehowa nawɔ wo ŋu dɔ." data/train/LEV/LEV_019_Verse_014.mp3,“ ‘Migasi mia ɖokuiwo alo miasi ame aɖe ŋuti le tsyɔ̃wɔwɔ me o. Nyee nye Yehowa. data/train/LEV/LEV_023_Verse_038.mp3,"Ŋkekenyui sia, si woaɖu na Yehowa ŋkeke adre, ƒe sia ƒe la, nye se tso dzidzime yi dzidzime." data/train/LEV/LEV_001_Verse_007.mp3,"Ele be wòatsɔ eƒe asi ada ɖe numevɔsa la ƒe ta dzi, eye woaxɔ numevɔsa la ɖe vɔsalã la teƒe be wòalé avu ɖe enu." data/train/LEV/LEV_026_Verse_039.mp3,"na meɖo wo ɖe woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi me la, ekema ne woƒe dzi kuatriwo bɔbɔ wo ɖokui, eye woxe fe ɖe woƒe nu vɔ̃ ta la," data/train/LEV/LEV_004_Verse_016.mp3,"Ke atsɔ nyitsu la ƒe ayi kple eƒe lã katã, kpe ɖe eƒe ta kple afɔwo ŋu," data/train/LEV/LEV_024_Verse_015.mp3,Woakpɔ akaɖi siwo le sikakaɖiti la dzi le Yehowa ŋkume la dzi ɣeawo katã ɣi. data/train/LEV/LEV_013_Verse_053.mp3,"Nunɔla la alé ŋku ɖe abi si le eƒe ŋutigbalẽ ŋu la ŋu. Ne ŋutifu si le teƒea fu, eye teƒea nye ɖe eme vie la, ekema anyie. Nunɔla la atso nya me be anyidzela la ŋu mekɔ o." data/train/LEV/LEV_008_Verse_011.mp3,"Etɔ dzo nyitsu la ƒe lã mamlɛa, eƒe agbalẽ kple dɔmenuwo le asaɖa la godo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene." data/train/LEV/LEV_013_Verse_024.mp3,"Ke ne eƒe ŋutilã ƒe teƒe aɖe ƒlɔ la, ekema efia be edze kpodɔ." data/train/LEV/LEV_004_Verse_028.mp3,"Nunɔla la ade asibidɛ vɔsaʋu la me asisi ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋuti, eye woakɔ ʋua ƒe mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te." data/train/LEV/LEV_005_Verse_004.mp3,"Atsɔe vɛ na nunɔla la; nunɔla la aɖe wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka ɖe wɔ blibo la teƒe, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe dzovɔsa bubu ɖe sia ɖe na Yehowa ene. Esiae anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa." data/train/LEV/LEV_011_Verse_009.mp3,"Esi wònye be wonye ŋunyɔnuwo na mi ta la, migaɖu woƒe lã o, eye woƒe kukua hã nanyɔ ŋu na mi." data/train/LEV/LEV_026_Verse_024.mp3,"mana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, anyigba ana eƒe nuɖuɖu, eye gbemetiwo atse woƒe kutsetsewo." data/train/LEV/LEV_011_Verse_039.mp3,"Nu sia nu si dzi nu siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ge dze la ŋu mekɔ o. Ne ege dze nu si wowɔ kple ati, avɔ, ɖovu alo kotoku aɖe dzi la, ele be woaklɔe kple tsi alo anyae, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Le esia megbe la, woagate ŋu awɔ eŋu dɔ." data/train/LEV/LEV_007_Verse_019.mp3,"Ne wole akpedavɔ kple ŋutifafavɔ sam la, woawɔ abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ŋu dɔ." data/train/LEV/LEV_013_Verse_038.mp3,"Le ŋkeke adrea megbe, ne teƒe la ƒe amadede metrɔ o, togbɔ be teƒe la mekeke ɖe edzi o hã la, efia be kpodɔe, eya ta ele be woatɔ dzoe, elabena kpodɔ le eme." data/train/LEV/LEV_023_Verse_025.mp3,"“ ‘Ne miexa miaƒe nukuwo la, mele be miaŋe nu sia nu va se ɖe boto ke o, eye mele be miafɔ nukui siwo dudu ɖe anyigba o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, ame siwo si anyigba mele o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”" data/train/LEV/LEV_010_Verse_000.mp3,"Ebia wo be, “Nu ka ta mieɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la, si nye nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe la le teƒe kɔkɔe la o, le esime wotsɔe na mi be miatsɔ aɖe ameawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo ɖa, eye mialé avu le woawo kple Yehowa dome?" data/train/LEV/LEV_017_Verse_007.mp3,"“ ‘Kpe ɖe esia ŋu la, ele na ame sia ame, Israelvi alo amedzro, si aɖu lã aɖe si ku le eɖokui si alo lã aɖe si lã lénu aɖe vuvu la, be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eƒe ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Esia megbe la, eƒe ŋuti akɔ." data/train/LEV/LEV_025_Verse_016.mp3,"Ke miabia be, “Nu ka míaɖu le ƒe adrelia me esi womeɖe mɔ na mí be míaƒã nu alo aŋe nu le ƒe ma me o?”" data/train/LEV/LEV_011_Verse_022.mp3,"“ ‘Lã siwo zɔna le anyigba, eye wo ŋu mekɔ na mi o la woe nye, adɔ, afi kple adoglo ƒomeviwo," data/train/LEV/LEV_025_Verse_041.mp3,"“ ‘Ne nɔviwò Israelvi aɖe ɖo ko, eye wòdzra eɖokui na wò la, mele be nàwɔ eŋu dɔ abe kluvi bubuawo ene o," data/train/LEV/LEV_002_Verse_006.mp3,Mide dze miaƒe nuɖuvɔsawo katã me. Migagbe nubabla ƒe dze si nye miaƒe Mawu tɔ dede miaƒe nuɖuvɔsawo me o; mide dze miaƒe vɔsawo katã me. data/train/LEV/LEV_014_Verse_012.mp3,"Aɖe asi le xevi gbagbe la ŋu wòadzo ayi gbe me le du la godo. Mɔ sia dzie wòato aɖe vɔ̃ ɖa le aƒe la ŋu, eye wòakɔ eŋuti.”" data/train/LEV/LEV_016_Verse_011.mp3,"“Azɔ la, Aron agayi Agbadɔ la me, eye wòaɖe aklalawu siwo wòdo esi wòyi xɔmetsovɔ la godo, eye wòagblẽ wo ɖe afi ma le Agbadɔ la me." data/train/LEV/LEV_014_Verse_053.mp3,"Woatsɔ kpe yeyewo aɖɔli kpe xoxo siwo woho le gliawo me, eye woagbugbɔ gliawo ŋu azrɔ̃." data/train/LEV/LEV_006_Verse_009.mp3,"Eƒe fɔɖivɔsanu anye agbo si de blibo, eye eƒe home nade nu sia nu si nàbia tso esi la nu. Atsɔe vɛ na nunɔla si le Yehowa teƒe," data/train/LEV/LEV_022_Verse_003.mp3,"elabena ame siwo mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o la magblẽ kɔ ɖo na vɔsanu kɔkɔe siwo Israelviwo tsɔ vɛ la o, elabena Yehowae wotsɔ vɔsanu siawo vɛ na." data/train/LEV/LEV_023_Verse_013.mp3,"Le ŋkeke adre mawo me la, ele be mi ame siwo katã nye Israelvi dzidziawo la, mianɔ agbadɔ siawo me." data/train/LEV/LEV_011_Verse_029.mp3,Migaɖu nu gbagbe si tana le anyigba le eƒe ƒodo dzi alo wòzɔna kple afɔ ene loo alo le afɔ geɖewo dzi la o. Enye nu si woatsri. data/train/LEV/LEV_025_Verse_047.mp3,"Woanye kluviwo na mi tegbetegbe, eye miagblẽ wo ɖi na mia viwo. Ke mele be miawɔ mia nɔvi, Israelviwo ya nenema o." data/train/LEV/LEV_024_Verse_013.mp3,"Se siwo miatsɔ akplɔ amedzrowo la, woawo kee miatsɔ akplɔ Israelvi dzɔleaƒeawo hã, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”" data/train/LEV/LEV_009_Verse_010.mp3,"eye dzo tso Yehowa gbɔ fia numevɔsa la kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Esi ameawo kpɔe la, wo katã wodo dzidzɔɣli, eye wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume." data/train/LEV/LEV_027_Verse_010.mp3,"“ ‘Ke ne eɖo be yemagbugbɔ anyigba la axɔ o, alo wòdzrae na ame bubu aɖe, eye wòna anyigba la zu Yehowa tɔ le Aseyetsoƒe la me la, ekema magate ŋu axɔe o." data/train/LEV/LEV_014_Verse_025.mp3,“Esiawoe nye ɖoɖowo na ame si dze dɔ le ameŋukɔɣi ne wokplɔe va nunɔla gbɔe. data/train/LEV/LEV_003_Verse_008.mp3,"kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu te ɖe lã la ƒe ali ŋu kple ami si le lã la ƒe aklã ŋu la, esi woaɖe ɖa kple ayikuawo." data/train/LEV/LEV_003_Verse_016.mp3,Nunɔlaawo atɔ dzo nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi hekpe ɖe numevɔsa la ŋu. Nuɖuvɔsa sia anye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu. data/train/LEV/LEV_011_Verse_013.mp3,eye ele nɛ be wòanya eƒe awuwo enumake. Ele nɛ hã be wòaɖe eɖokui ɖe aga va se ɖe fiẽ abe ame si ŋuti mekɔ o ene. data/train/LEV/LEV_004_Verse_013.mp3,"Emegbe la, nunɔla la asisi ʋu la ƒe ɖe ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la me; atsɔ ʋua mamlɛa akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu." data/train/LEV/LEV_027_Verse_018.mp3,"Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba na Yehowa le Aseyetsoƒe la me la, ekema nutɔ la naxe ga home la katã." data/train/LEV/LEV_011_Verse_030.mp3,"“Migblɔ na Israelviwo be, ‘Le lã siwo katã nɔa anyigba dzi la, esiawoe nye esiwo miaɖu." data/train/LEV/LEV_015_Verse_005.mp3,"Ame sia ame si ka asi eƒe abati ŋu la anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ." data/train/LEV/LEV_009_Verse_000.mp3,"Ale ameawo tsɔ nu siawo katã va Agbadɔ la ƒe mɔnu, abe ale si Mose gblɔ na wo la ene, eye ameawo tsi tsitre ɖe afi ma le Yehowa ŋkume." data/train/LEV/LEV_021_Verse_010.mp3,"Ke ekpɔ mɔ aɖu nunɔlawo ƒe nu tso vɔ siwo wosa na Mawu la me, tso vɔsa kɔkɔewo kple vɔsa kɔkɔetɔwo kekeake me," data/train/LEV/LEV_004_Verse_012.mp3,"Emegbe la, asisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Agbadɔ la me le Yehowa ŋkume, eye wòakɔ ʋua mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu." data/train/LEV/LEV_019_Verse_021.mp3,“ ‘Migaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o. “ ‘Migaka afa alo miawɔ adze o. data/train/LEV/LEV_022_Verse_027.mp3,Womatsɔ lã si nye ŋkuagbãtɔ alo lã si afi aɖe gblẽ na alo lã si dze abi alo akpa alo le ŋutigbalẽmedɔ bubu aɖe lém la vɛ na Yehowa o. Medze na numevɔsa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi o. data/train/LEV/LEV_013_Verse_050.mp3,"nunɔla alé ŋku ɖe abi la ŋu. Ne abi la teƒe dze abe ɖe wòde eme wu amea ƒe ŋutilã, ɖa si le afi ma ƒe amadede le abe aŋutiɖiɖi ene, eye wòle belie la, nunɔla la aɖe gbeƒã be amea ŋuti mekɔ o; enye ta alo glã ƒe dɔléle." data/train/LEV/LEV_003_Verse_015.mp3,"Nunɔla la atɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe nuɖuɖu ene, wòanye numevɔsa, wòanye nu si le ʋeʋẽm nyuie. Ami la katã nye Yehowa tɔ." data/train/LEV/LEV_026_Verse_015.mp3,"Le ɣeyiɣi siwo katã me wònye gbegbe la, anyigba la akpɔ dzudzɔ si mekpɔ le dzudzɔgbe siwo mienɔ edzi la kpɔ o." data/train/LEV/LEV_021_Verse_019.mp3,"negbe eƒe ƒometɔ kekeake ko, abe dadaa alo fofoa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔvia ŋutsu," data/train/LEV/LEV_025_Verse_054.mp3,"“ ‘Ɛ̃, le ƒe ma me la, ame sia ame atrɔ ayi wo de, ayi nu si nye eƒe ƒomea tɔ la gbɔ; ne edzra nane la, woagbugbɔe nɛ!" data/train/LEV/LEV_014_Verse_044.mp3,"Nunɔla la asisi ami si susɔ ɖe eƒe miasiƒome la ɖe amea ƒe ɖusito kple eƒe ɖusisi ƒe adegblefetsu kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu ŋu, abe ale si wòwɔ kple fɔɖivɔsalã la ƒe ʋu ene." data/train/LEV/LEV_026_Verse_009.mp3,"“Eye ne nu siawo gɔ̃ hã mana miatrɔ dzi me o, ke boŋ miagayi tsitretsitsi ɖe nye didiwo ŋu dzi la," data/train/LEV/LEV_014_Verse_038.mp3,"Ne ekpɔ aŋgbamu ƒe teƒe kple teƒe dzĩ aɖewo le aƒea me ƒe gliwo ŋu, eye teƒe mawo dze abe ɖe wonye ɖe eme vie ene la," data/train/LEV/LEV_001_Verse_016.mp3,"Nunɔla la aɖe eƒe agbonu kple emenuwo, eye wòatsɔ wo aƒu gbe ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, afi si dzowɔ le la." data/train/LEV/LEV_018_Verse_008.mp3,"“ ‘Megade asi hawòvi srɔ̃ ŋu, ale be màgblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò kple nyɔnu la siaa o." data/train/LEV/LEV_007_Verse_012.mp3,"“Ke ne ame aɖe tsɔ nane vɛ si menye akpedavɔsa o, ke boŋ wònye vɔsa ɖe atam si amea ka ta alo wònye lɔlɔ̃nununana la, ekema vɔsalã si womeɖu le ŋkeke si dzi wosa vɔ la le o la, woate ŋu aɖui ne ŋu ke." data/train/LEV/LEV_009_Verse_007.mp3,"Emegbe la, etsɔ ameawo ƒe nunanawo sa vɔe. Ewu gbɔ̃tsu la, eye wòtsɔe sa vɔe abe ale si wòsa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eɖokui ta ene." data/train/LEV/LEV_019_Verse_001.mp3,"“ ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nabu fofoa kple dadaa, eye miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu." data/train/LEV/LEV_012_Verse_006.mp3,"nunɔla la asa vɔ na Yehowa, eye wòalé avu ɖe enu. Ekema eŋuti akɔ azɔ le ʋu si do le eŋu to vidzidzi me la megbe. “ ‘Esiawoe nye nu siwo wòle be woawɔ le vidzidzi megbe." data/train/LEV/LEV_015_Verse_032.mp3,"“ ‘Ɣe sia ɣi si ŋutsu aɖe anye tsi la, ele nɛ be wòale tsi nyuie, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ." data/train/LEV/LEV_020_Verse_014.mp3,"“ ‘Ne nyɔnu aɖe na lã aɖe de asi eŋu la, ele be woawu nyɔnu la kple lã la siaa, elabena tohehe mae dze na wo." data/train/LEV/LEV_022_Verse_007.mp3,"“Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be woade bubu vɔsa kɔkɔe siwo ŋu Israelviwo kɔ nam la ŋu, ale be womaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Nyee nye Yehowa." data/train/LEV/LEV_013_Verse_040.mp3,"“Ne ame aɖe kpɔ nutete alo dzi alo teƒe aɖe si fu le eƒe ŋutilã ŋu si ate ŋu azu ŋutilã ƒe dɔxɔleameŋu la, woakplɔe ayi nunɔla Aron alo Via ŋutsu siwo nye nunɔlawo la dometɔ ɖeka gbɔ." data/train/LEV/LEV_012_Verse_000.mp3,"“De se siawo na Israelviwo be, ‘Ne nyɔnu aɖe dzi ŋutsuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o, ŋkeke adre, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi." data/train/LEV/LEV_020_Verse_026.mp3,"“ ‘Ŋutsu si dɔ nyɔnu aɖe kple nyɔnu la dada gbɔ la, wɔ nu vɔ̃ triakɔ aɖe. Woatɔ dzo wo ame etɔ̃ la katã agbagbee be wòaɖe ŋukpenanu vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome." data/train/LEV/LEV_013_Verse_025.mp3,"Ke ne nunɔla la kpɔ be fu ɣi aɖeke mele teƒea o, eye teƒea hã menye ɖe eme o, ke teƒea le fufu kple nyɔnyɔ dome la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre." data/train/LEV/LEV_013_Verse_037.mp3,"Le ŋkeke adrea gbe la, nunɔla la agadoe akpɔ. Ne teƒea metrɔ o, eye megakeke ɖe edzi hã o la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre bubu." data/train/LEV/LEV_013_Verse_011.mp3,"eye aŋgbamu alo ama dzĩ teƒe aɖe le eme la, anye kpodɔ. Ekema woatsɔ nu la ayi na nunɔla wòadoe akpɔ." data/train/LEV/LEV_022_Verse_012.mp3,"Mekpɔ mɔ aɖu lã aɖeke si ku le eɖokui si alo lã si lã wɔadã aɖe vuvu o, elabena nu sia ana wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Nyee nye Yehowa." data/train/LEV/LEV_006_Verse_013.mp3,"Ne ŋu ke la, nunɔla la ado eƒe awutewui kple eƒe dziwui, akplɔ numevɔsa la ƒe dzowɔ akɔ ɖe vɔsamlekpui la xa." data/train/LEV/LEV_016_Verse_030.mp3,"Woatsɔ gbɔ̃tsu evelia si nye Azazel tɔ la agbagbe ava Yehowa ŋkume. Woaɖe dukɔwo ƒe nu vɔ̃wo ada ɖe edzi, eye woanyae ɖo ɖe Azazel gbɔ le gbedzi." data/train/LEV/LEV_014_Verse_019.mp3,"“Ele be wòagana akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, wo dometɔ si wòate ŋu ana ko. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ." data/train/LEV/LEV_011_Verse_010.mp3,"“ ‘Esiawoe nye se siwo ku ɖe lãwo, xewo kple nu siwo katã ƒua tsi alo tana le anyigba la ŋu." data/train/LEV/LEV_019_Verse_003.mp3,"“ ‘Ele be mialé nye sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi, elabena nyee nye Yehowa!’ ”" data/train/LEV/LEV_015_Verse_013.mp3,"Eɖanye abati o, eɖanye nu si dzi wònɔ o, ne ame aɖe ka asi eŋu ko la, amea ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ." data/train/LEV/LEV_023_Verse_003.mp3,"Ele be wòanye lu babla la le yame le Yehowa ŋkume, ale be wòaxɔe na mi. Nunɔla la anyee le Yehowa ŋkume le Dzudzɔgbe la ƒe ŋufɔke." data/train/LEV/LEV_011_Verse_007.mp3,"Elabena nyee nye Yehowa si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be manye miaƒe Mawu. Ele na mi be mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye." data/train/LEV/LEV_025_Verse_052.mp3,"“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si mele mia na ge dzi la, ele be anyigba la naɖu dzudzɔgbe na Yehowa." data/train/LEV/LEV_027_Verse_000.mp3,"“ ‘Ame aɖeke matsɔ nyitsu alo agbo si ʋu dɔnu na dadaa la ana Yehowa o, elabena Yehowa tɔe wònye xoxo." data/train/LEV/LEV_014_Verse_001.mp3,"“Ame si ŋu wokɔ la, anya eƒe awuwo, aƒlɔ eƒe taɖa katã ɖa, ale tsi, eye wòayi aɖanɔ asaɖa la me azɔ. Ke anɔ eƒe agbadɔ godo ŋkeke adre." data/train/LEV/LEV_014_Verse_004.mp3,"ana amea nana xevi eve siwo ŋu se ɖe mɔ le be woaɖu, hekpe ɖe sedati, ka dzĩ kple kakle ŋu be wòawɔ wo ŋu dɔ hena kpodɔléla si haya la ŋutikɔkɔ ƒe kɔnuwo wɔwɔ." data/train/LEV/LEV_016_Verse_003.mp3,"Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Agbadɔ la me ne Aron ge ɖe eme be yeaɖe nu vɔ̃ ɖa le Teƒe Kɔkɔe la ŋu o va se ɖe esime wòalé avu le eya ŋutɔ ɖokui, eƒe aƒemetɔwo kple Israelviwo katã ta, eye wòagado go." data/train/LEV/LEV_025_Verse_026.mp3,"“ ‘Miate ŋu aƒle kluviwo tso dukɔ bubu siwo ƒo xlã mi la me," data/train/LEV/LEV_026_Verse_045.mp3,"Ɛ̃, togbɔ be ame aɖeke mele wo nyam o hã la, woasi, anɔ wo nɔewo dzi dzem abe ame siwo le sisim le aʋagbedzi, eye womate ŋu anɔ te ɖe futɔwo nu o ene." data/train/LEV/LEV_004_Verse_032.mp3,"Woaɖe ami siwo katã le dɔ me na lã la, abe ale si wowɔna le akpedavɔsa me ene, eye nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Nu sia adze Yehowa ŋu. Ale nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee." data/train/LEV/LEV_011_Verse_017.mp3,"Ha, togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Lã makɔmakɔ wònye na mi." data/train/LEV/LEV_018_Verse_005.mp3,"“ ‘Gawu la, mekpɔ mɔ aɖe nɔvia nyɔnu, dadaa ƒe vinyɔnu alo fofoa ƒe vinyɔnu ne wodzi wo le aƒe ɖeka me loo alo le teƒe bubuwo o." data/train/LEV/LEV_016_Verse_002.mp3,"Ale gbɔ̃ la atsɔ ameawo ƒe nu vɔ̃wo katã ayi gbedadaƒo, eye ame la aɖe asi le gbɔ̃ la ŋu ɖe gbedadaƒo afi ma." data/train/LEV/LEV_020_Verse_023.mp3,“ ‘Tohehe si woana ŋutsu eve siwo dɔ wo nɔewo gbɔe nye woawu wo ame eve la. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui. data/train/LEV/LEV_025_Verse_004.mp3,"elabena Aseyetsoƒe kɔkɔe aɖee wònye na mi. Le ƒe ma me la, miaƒe nuɖuɖu anye nuku siwo miexa tso agble me." data/train/LEV/LEV_016_Verse_009.mp3,"Atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ƒe ɖe ade asibidɛ eme, eye wòahlẽ ʋu la ɖe amenuvevezikpui la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòagahlẽe zi adre ɖe eŋgɔ." data/train/LEV/LEV_027_Verse_008.mp3,"Ke ne enye ŋgɔgbevi na lã si ŋu se meɖe mɔ le be woatsɔ asa vɔe na Yehowa o la, ekema amea axe ga home si nunɔla ayɔ nɛ la kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ke ne amea medi be yeagbugbɔe axɔ o la, nunɔla la nadzrae na ame bubu ɖe sia ɖe." data/train/LEV/LEV_025_Verse_051.mp3,"Ƒe blaatɔ̃lia anye Aseyetsoƒe na mi. Migaƒã nu alo axa nuku siwo mie le woawo ŋutɔ ɖokui si alo agbe waintsetse siwo tsi gbe me o," data/train/LEV/LEV_016_Verse_025.mp3,"“Gbã la, ele be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ la asa nu vɔ̃ vɔsa na Yehowa ɖe eɖokui ta, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ta." data/train/LEV/LEV_014_Verse_009.mp3,Awu xeviawo dometɔ ɖeka ɖe ze si me tsi nyui le la me. data/train/LEV/LEV_025_Verse_017.mp3,"Ke ne anyigbatɔ gbãtɔ la mete ŋu gbugbɔe ƒle o la, ekema anyigba la anye eƒlela la tɔ va se ɖe Aseyetsoƒe la dzi. Ke ele be wòagbugbɔe na anyigbatɔ la le Aseyetsoƒe la me kokoko." data/train/LEV/LEV_004_Verse_033.mp3,"Woaɖe eƒe ami ɖe sia ɖe, eye woatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi." data/train/LEV/LEV_027_Verse_006.mp3,Ga homeawo katã nanɔ Kɔkɔeƒe la ƒe ga me: ga siwo katã woaxe la nanye esi dzi nunɔlawo ɖo kpee da ɖi. data/train/LEV/LEV_009_Verse_008.mp3,"Emegbe la, etɔ dzo nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ami, ayikuawo kple aklã la le vɔsamlekpui la dzi, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene." data/train/LEV/LEV_019_Verse_011.mp3,"“ ‘Mèganye sakplisala anɔ yiyim le wò dukɔ me o. “ ‘Mègade nɔviwò asi be woatso kufia nɛ o, elabena nyee nye Yehowa." data/train/LEV/LEV_023_Verse_019.mp3,"Miatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami la asa numevɔ na Yehowa, eye wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nɛ. Emegbe la, miatsɔ wain lita ɖeka asa nunovɔ." data/train/LEV/LEV_017_Verse_000.mp3,"“ ‘Ame sia ame, Israelvi loo alo amedzro si le mia dome, si yi adegbe, eye wòwu lã aɖe alo xevi aɖe, si ŋu se ɖe mɔ le be woaɖu la, ele nɛ be wòatsyɔ ʋu la akɔ ɖe anyigba, eye wòakplɔ ke atsyɔ edzi," data/train/LEV/LEV_013_Verse_026.mp3,"Ke ne nunɔla la kpɔ be fu ɣi aɖeke mele teƒea o, teƒea ƒe biabia metso amea ƒe lãme ke o, eye eƒe amadede dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ la, ekema nunɔla la atui ɖe xɔ me ŋkeke adre," data/train/LEV/LEV_013_Verse_019.mp3,"eye wòagalé ŋku ɖe eŋu le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la keke ɖe edzi la, ekema kpodɔ si woate ŋu axɔ lae." data/train/LEV/LEV_011_Verse_032.mp3,"Ne ege dze agba aɖe si wome kple tsu me la, nu sia nu si le agba la me la ŋu mekɔ o, eye ele be woagbã agba la." data/train/LEV/LEV_016_Verse_019.mp3,“Esia anye se mavɔ na mi; woalé avu ɖe Israelviwo ta ƒe sia ƒe le woƒe nu vɔ̃wo ta.” Eye wowɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Eye miawɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. data/train/LEV/LEV_025_Verse_007.mp3,"Esiae nye sedede tso nye, Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, ame si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be matsɔ Kanaanyigba ana mi, eye manye miaƒe Mawu." data/train/LEV/LEV_008_Verse_007.mp3,"Emegbe la, etsɔ tablanu la bla ta nɛ, eye wòtsi sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu le ŋgɔgbe abe ale si Yehowa de se nɛ ene." data/train/LEV/LEV_022_Verse_024.mp3,"nunɔla ma ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye maɖu vɔsanu kɔkɔe aɖeke o va se ɖe esime wòale tsi le fiẽ hafi." data/train/LEV/LEV_015_Verse_008.mp3,"Ele be wòanya nudodo alo ayi si ŋu ŋutsu ƒe tsi la ka la kple tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ." data/train/LEV/LEV_015_Verse_027.mp3,“ ‘Nu sia nu si dzi wòamlɔ alo anɔ le ɣe ma ɣi me la ŋuti mekɔ o. data/train/LEV/LEV_014_Verse_013.mp3,"Ekema asi ami si le eƒe asiƒome la ƒe ɖe ɖe eƒe ɖusito ŋu kple eƒe ɖusisi ƒe adegblefetsu kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu dzi, abe ale si wòwɔ kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ƒe ʋu ene." data/train/LEV/LEV_022_Verse_017.mp3,"“ ‘Ne amedzro aɖe ɖu nu kɔkɔe la le ŋuɖeɖi me la, axe nu si wòɖu la ƒe fe na nunɔla, eye wòatsɔ home la ƒe memama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu," data/train/LEV/LEV_004_Verse_001.mp3,"ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽ ʋu la zi adre le Yehowa ŋkume ɖe xɔmetsovɔ si ma Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me la ŋkume." data/train/LEV/LEV_014_Verse_040.mp3,"“Ne ŋu ke si anye ŋkeke enyia gbe la, amea ana alẽvi eve siwo de blibo, alẽnɔe ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo, wɔ memee kilogram atɔ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple ami lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia." data/train/LEV/LEV_020_Verse_005.mp3,"“ ‘Eya ta ele be miade vovototo xe kple lã siwo meɖe mɔ na mi be miaɖu kple esiwo mebe migaɖu o la dome. Migaƒo ɖi mia ɖokui, eye miana magbe nu le mia gbɔ to miaƒe lã kple xe siwo mede se na mi be migaɖu o la ɖuɖu me o, togbɔ be wobɔ ɖe anyigba la dzi fũu hã." data/train/LEV/LEV_006_Verse_021.mp3,"Via ŋutsu si axɔ ɖe eteƒe abe nunɔla si wosi ami na ene la atrɔ asi le eŋu. Enye Yehowa tɔ ɣe sia ɣi, eye woatɔ dzoe wòafia keŋkeŋ." data/train/LEV/LEV_007_Verse_024.mp3,"Nunɔla la atɔ dzo ami la le vɔsamlekpui la dzi, ke lã la ƒe akɔ anye Aron kple via ŋutsuwo tɔ." data/train/LEV/LEV_013_Verse_028.mp3,"Ke ne nunɔla la kpɔ be ŋutigbalẽ la ŋuti ko abi la dzɔ tso, eye ɖa yibɔ le abia me la, ekema atui ɖe xɔ me ŋkeke adre," data/train/LEV/LEV_004_Verse_024.mp3,"“ ‘Ne Israel dukɔ blibo la wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòwɔ nu si Yehowa de se na wo be womawɔ o la, ameawo katã ɖi fɔ." data/train/LEV/LEV_025_Verse_035.mp3,"“ ‘Ne èdzra anyigba na Israelvi aɖe alo ƒlee le esi la, mègabae o." data/train/LEV/LEV_018_Verse_022.mp3,"“ ‘Nenema ke, mègade asi fofowò nɔviŋutsu srɔ̃ ŋuti o, ne fofowò nɔviŋutsu ku alo le agbe o." data/train/LEV/LEV_013_Verse_022.mp3,"gake nenye be dzi la keke ɖe edzi le eƒe ŋutigbalẽ ŋu esi wòtsɔ eɖokui fia nunɔla la be wòagblɔ be eŋuti kɔ vɔ megbe la, ele nɛ be wòagbugbɔ ayi nunɔla la gbɔ." data/train/LEV/LEV_022_Verse_018.mp3,"“ ‘Ne Aron viwo dometɔ aɖe nye kpodɔléla alo dze abi si le tsi tsyɔm la, mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔewo o va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ. Ne nunɔla aɖe ka asi ame kuku aɖe ŋu alo ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o ŋu," data/train/LEV/LEV_010_Verse_006.mp3,"Ke Aron xɔ nya ɖe wo nu le Mose gbɔ hegblɔ be, “Wosa woƒe nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ le Yehowa ŋkume; ke nenye ɖe meɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la egbe la, ɖe wòadze Yehowa ŋua?”" data/train/LEV/LEV_003_Verse_004.mp3,"Ele be wòada eƒe asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le Mawu ƒe agbadɔ la ŋkume. Ekema Aron kple via ŋutsuwo ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo katã ŋu." data/train/LEV/LEV_023_Verse_039.mp3,Ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui siawo kpe ɖe kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe Dzudzɔgbe ŋu. Vɔ siwo woasa le ŋkekenyui siawo dzi la akpe ɖe miaƒe ɣe sia ɣi ƒe nunanawo kple adzɔgbeɖefewo ŋu.) data/train/LEV/LEV_023_Verse_007.mp3,"(“ ‘Esiawoe nye ŋkekenyui siwo miaɖu atsɔ de bubu Yehowa ŋu; ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔewo, eye woasa dzovɔwo, numevɔ, nuɖuvɔ, akpedavɔ kple nunovɔ na Yehowa. Ŋkeke ɖe sia ɖe kple etɔ" data/train/LEV/LEV_025_Verse_043.mp3,"Ne ƒe geɖewo ava yi hafi Aseyetsoƒe la naɖo la, ekema amea axe ga si wòxɔ esime wòdzra eɖokui la ƒe akpa gãtɔ." data/train/LEV/LEV_026_Verse_013.mp3,"Ke togbɔ be wowɔ nu siawo katã hã la, nyematsrɔ̃ wo kple nubabla si mewɔ kpli wo la ɖikaa o, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu." data/train/LEV/LEV_009_Verse_022.mp3,"Via ŋutsuwo tsɔ ʋu la nɛ. Ede asi eme, sisii ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòkɔ mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te." data/train/LEV/LEV_002_Verse_002.mp3,"eye wòatsɔe ana Aron ƒe viŋutsuwo, nunɔlawo. Nunɔla la aɖe wɔ memee la kple ami la ƒe asiʋlo ɖeka akpe ɖe dzudzɔdonuawo katã ŋuti, eye wòafiae abe ŋkuɖodzinu ene le vɔsamlekpui la dzi, wòanye numevɔsa, ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu." data/train/LEV/LEV_001_Verse_017.mp3,"“Ƒo nu na Israelviwo eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe atsɔ nunana vɛ na Yehowa la, netsɔ nyi alo alẽ vɛ abe eƒe nunana ene." data/train/LEV/LEV_016_Verse_028.mp3,"“Ne Aron tsɔ nyitsu la sa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒometɔwo ta vɔ la," data/train/LEV/LEV_014_Verse_039.mp3,"“Ne mieɖo Kanaanyigba, afi si mele tsɔtsɔm na mi be wòanye mia tɔ dzi, eye meda kpodɔ ɖe aƒe aɖe me le anyigba la dzi la," data/train/LEV/LEV_026_Verse_019.mp3,"Magblẽ miaƒe nuɖuɖu ƒe dzɔtsoƒe me, ale be abolokpo ɖeka pɛ ame abolo na ƒome ewo. Ne mieɖu nu sue si aka mia si vɔ la, dɔ agawu mi kokoko." data/train/LEV/LEV_010_Verse_010.mp3,"Mose di gbɔ̃tsu si wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la le afi sia afi. Eva dze sii be wotɔ dzoe xoxo! Nu sia na wòdo dɔmedzoe vevie ɖe Eleaza kple Itamar, Aron ƒe viŋutsu eve siwo susɔ la ŋu." data/train/LEV/LEV_004_Verse_015.mp3,"“Gblɔ na Israelviwo be, ‘esiawoe nye se siwo ku ɖe ame siwo ada le Yehowa ƒe seawo dzi le ŋuɖeɖi me la ŋu." data/train/LEV/LEV_021_Verse_017.mp3,"Ne amea nye Aron ƒe dzidzimevi hã la, womeɖe mɔ nɛ be wòawɔ dzovɔsa aɖeke na Yehowa o, le eƒe nuwɔametɔnyenye ta. Womaɖe mɔ nɛ be wòawɔ vɔsa aɖeke na Mawu o." data/train/LEV/LEV_004_Verse_006.mp3,"Azɔ la, nunɔla la atsɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo, eye wòatɔ dzoe le afi ma abe ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ene, evɔ la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ɖe dukɔ blibo la ta." data/train/LEV/LEV_022_Verse_001.mp3,“ ‘Ame si menye nunɔla o la mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o. Nunɔla ƒe amedzro alo agbatedɔwɔla mekpɔ mɔ aɖu nu sia o. data/train/LEV/LEV_016_Verse_006.mp3,Aron asa nu vɔ̃ vɔsa kple gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ. data/train/LEV/LEV_026_Verse_038.mp3,"“ ‘Miwɔ nye Dzudzɔgbe ƒe sewo dzi, eye miade bubu nye Agbadɔ ŋu, elabena nyee nye Yehowa." data/train/LEV/LEV_011_Verse_023.mp3,"“ ‘Le tɔmelãwo katã gome la, miekpɔ mɔ aɖu ɖe sia ɖe si ŋu adza kple tsro le, ne woɖe wo tso tɔsisiwo me loo alo atsiaƒu me." data/train/LEV/LEV_006_Verse_019.mp3,"Te gbe ɖe edzi na wo be, ne womee le abolokpo me la, amɔʋãtike manɔ eme o. Metsɔ numevɔ si wosa nam la ƒe akpa sia na nunɔlawo. Ke numevɔsa blibo la le kɔkɔe abe ale si nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa blibo la le ene." data/train/LEV/LEV_027_Verse_030.mp3,"Womatia lã ewolia si woatsɔ ana Yehowa la ɖe eƒe nyonyo alo manyomanyo ta o. Womatsɔ ɖeke aɖɔli bubu hã o. Ne woaɖɔli lã aɖe kokoko la, ekema esi woaɖɔli kple esi woatsɔ aɖɔlii la siaa nye Yehowa tɔ, eye womaxe fe ɖe wo ta o!’ ”" data/train/LEV/LEV_007_Verse_026.mp3,"Nunɔla si sa nuɖuvɔ la na Yehowa la axɔ nuɖuɖu si susɔ ne ewu vɔsa la nu. Woawɔ se sia dzi nenye be wome vɔsanu la le kpo me loo, tɔe le ami me loo alo mee le dzo me." data/train/LEV/LEV_007_Verse_011.mp3,“Gblɔ na Israelviwo be ame si di be yeasa akpedavɔ na Yehowa la ŋutɔ natsɔ nu siwo wòatsɔ asa vɔ lae la vɛ. data/train/LEV/LEV_022_Verse_021.mp3,"Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu ɖe srɔ̃ tso to bubu me la, mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o." data/train/LEV/LEV_021_Verse_007.mp3,Ele be wòaɖe ɖetugbivi dzadzɛ aɖe. data/train/LEV/LEV_008_Verse_016.mp3,"Le esia megbe la, Mose gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be, “Miɖa lã la le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye miaɖui kple abolo si le ameŋukɔkɔ ƒe kusi la me abe ale si Yehowa de se na mi ene." data/train/LEV/LEV_013_Verse_021.mp3,"Gake ne ŋutilã ƒe akpa si ƒlɔ la ɖɔ ɖo, eye wòle abe ŋutilãa ƒe akpa bubuawo ene la, ame la atrɔ ayi ɖe nunɔla la gbɔ," data/train/LEV/LEV_014_Verse_029.mp3,"“Ke ne nunɔla la va zi evelia be yealé ŋku ɖe aƒea ŋu, eye teƒeawo megadze le gliawo ŋu zɔzrɔ̃ megbe o la, ekema atso nya me be aƒea ŋu kɔ, eye kpodɔ la megali o." data/train/LEV/LEV_008_Verse_018.mp3,"Le esia yome la, Mose do awu na Aron ƒe viŋutsuwo, bla alidziblanuawo na wo, eye wòɖɔ kuku la na wo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene." data/train/LEV/LEV_019_Verse_028.mp3,"“ ‘Ne mieva ɖo anyigba la dzi, eye miedo kutsetseti ƒomevi vovovowo la, migaɖu ƒe gbãtɔ etɔ̃awo ƒe tsetseawo o, elabena wole abe nu siwo ŋu wogbe nu le ene. Womaɖu wo o." data/train/LEV/LEV_019_Verse_035.mp3,Ƒe atɔ̃lia ƒe kutsetsewoe nye mia tɔ. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu. data/train/LEV/LEV_007_Verse_035.mp3,"“ ‘Womaɖu lã si ƒe akpa aɖe ka nu makɔmakɔ aɖe ŋu o, ke boŋ woatɔ dzoe, eye ame si ƒe ŋuti kɔ la koe aɖu lã si wòate ŋu aɖu." data/train/LEV/LEV_005_Verse_017.mp3,"Nunɔla la atsɔ xevi evelia awɔ numevɔsae to mɔ siwo woɖo da ɖi la dzi. Ale nunɔla la alé avu ɖe amea nu le eƒe nu vɔ̃ ta, eye Mawu atsɔe akee." data/train/LEV/LEV_026_Verse_006.mp3,"elabena mana ŋutifafa mi. Miamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le dziɖeɖi me. Manya lã wɔadãwo ɖa le mia ŋgɔ." data/train/LEV/LEV_026_Verse_042.mp3,"“Ne miegagbe toɖoɖom kokoko la, mahe to na mi vevie zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta." data/train/LEV/LEV_001_Verse_000.mp3,"Ame si le vɔ la sam la awui le Yehowa ŋkume le vɔsamlekpui la ƒe anyiehe lɔƒo. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la ahlẽ lã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu akpe ɖo." data/train/LEV/LEV_016_Verse_026.mp3,Israelviwo ana gbɔ̃tsu eve hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena woƒe numevɔsa. data/train/LEV/LEV_014_Verse_003.mp3,Amea atsɔ wo vɛ na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu le ŋkeke enyia gbe hena eŋutikɔkɔ le Yehowa ŋkume. data/train/LEV/LEV_006_Verse_000.mp3,"alo ne efɔ nu bubu aɖe, evɔ wòda alakpa le eŋuti alo wòka atam dzodzro alo wòwɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ ɖeka si amewo awɔ," data/train/LEV/LEV_022_Verse_005.mp3,Ele be woaɖui gbe ma gbe ke; mègagblẽ eƒe ɖeke ɖi va se ɖe ŋdi o. Nyee nye Yehowa. data/train/LEV/LEV_015_Verse_004.mp3,"Ame sia ame si ka asi eƒe abati alo nu si dzi wònɔ ŋu la ŋu mekɔ o. Ele be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ." data/train/LEV/LEV_002_Verse_010.mp3,"Ne wò nuɖuvɔsa nye nu si woɖa la, woaɖae kple wɔ memee, eye woakɔ ami ɖe edzi." data/train/LEV/LEV_013_Verse_045.mp3,"Ne teƒea keke ɖe edzi le ŋkeke adre mawo me la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti mekɔ o, ezu kpodɔléla." data/train/LEV/LEV_019_Verse_030.mp3,"Ne mieɖui le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mieɖi fɔ, elabena miedo ŋunyɔ Yehowa ƒe kɔkɔenyenye, eye woaɖe mi ɖa tso Yehowa ƒe amewo dome." data/train/LEV/LEV_003_Verse_002.mp3,ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kple aklã. data/train/LEV/LEV_009_Verse_001.mp3,"Ale Aron te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòtsɔ nyivi la wɔ nu vɔ̃ vɔsae ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta." data/train/LEV/LEV_015_Verse_014.mp3,"kple se le nyɔnuwo ƒe gbɔtotsitsi ŋu kple se na ŋutsu si adɔ nyɔnu si tsi gbɔto, eye eŋu mekɔ o la gbɔ." data/train/LEV/LEV_013_Verse_031.mp3,"Ke ne teƒe biabiã la medze le teƒe bubu aɖeke loo alo keke ɖe edzi o, eye eƒe biabiã dzi ɖe kpɔtɔ la, ekema wòanya be dzobi la ƒe abiteƒe koe. Ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ, dzobi la teƒe koe ɖi atse." data/train/LEV/LEV_019_Verse_018.mp3,"“ ‘Migawɔ dzidzenu mademadewo ŋu dɔ ne miele didime, kpekpeme kple agbɔsɔsɔ dzidzem o." data/train/LEV/LEV_007_Verse_034.mp3,"Woaɖe nunɔla si ŋuti mekɔ o, gake wòɖu akpedavɔsanu la le wo tɔwo dome, elabena ena nu si nye Yehowa tɔ la trɔ zu nu makɔmakɔ." data/train/LEV/LEV_011_Verse_020.mp3,"Ke nudzodzoe aɖewo li siwo zɔna le afɔ ene dzi, esiwo miate ŋu aɖu. Esiawoe nye esiwo te afɔwo le hena kpotiti le anyigba." data/train/LEV/LEV_014_Verse_015.mp3,"ekema ele be aƒea tɔ nava gblɔ na nunɔla la be, ‘Edze nam abe ɖe kpodɔ le nye aƒe me ene!’" data/train/LEV/LEV_008_Verse_024.mp3,"Mose na Aron kple via ŋutsuwo te va eye wòle tsi na wo," data/train/LEV/LEV_005_Verse_005.mp3,"Ele be wòatsɔ agbo ɖeka si de blibo, eye asixɔxɔ si dze la le eŋu la tso eƒe alẽwo dome vɛ na nunɔla la abe eƒe fɔɖivɔsa ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu ɖe nu vɔ̃ si meɖo wɔ o la ta, eye woatsɔe akee." data/train/LEV/LEV_013_Verse_030.mp3,"Ke ne teƒe aɖe le biabiã kple fufu dome le ta kpakpã la teƒe la, ekema anye kpodɔ dzem wòle." data/train/LEV/LEV_002_Verse_004.mp3,"“ ‘Mele be amɔʋãtike nanɔ nuɖuvɔsa siwo mietsɔna vaa Yehowa ŋkume la me o, elabena mele be miatɔ dzo nuʋãtike alo anyitsi le dzovɔsa si miewɔna na Yehowa la me o." data/train/LEV/LEV_004_Verse_029.mp3,"Woatɔ dzo lã la ƒe ami katã ɖe vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe amie wònye ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe dumegã si wɔ nu vɔ̃ la nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee." data/train/LEV/LEV_026_Verse_040.mp3,"“Ne miagagbe toɖoɖom kple nye sewo dzi wɔwɔ kokoko la," data/train/LEV/LEV_019_Verse_016.mp3,"“ ‘Migatrɔ ɖe legbawo ŋu alo miatsɔ ga awɔ mawuwo na mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu." data/train/LEV/LEV_005_Verse_013.mp3,"“ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu akpɔ alẽ alo gbɔ̃ vɛ na Yehowa o la, ekema ana akpakpa eve alo ahɔnɛ fɛ̃ eve abe eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene. Xeviawo dometɔ ɖeka anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye evelia anye eƒe numevɔsa." data/train/LEV/LEV_009_Verse_004.mp3,"Azɔ la, ewu nyitsu la kple agbo si ameawo tsɔ vɛ la na akpedavɔsa. Aron viŋutsuwo tsɔ lãawo ƒe ʋu vɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo." data/train/LEV/LEV_026_Verse_004.mp3,"ekema nye hã matsi tsitre ɖe miaƒe didiwo ŋu, eye nye ŋutɔ gɔ̃ hã mafia fu mi zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta." data/train/LEV/LEV_020_Verse_011.mp3,"Migawɔ dukɔ siwo manya ɖa le mia ŋgɔ la ƒe kɔnuwo o, elabena nu tovo siwo katã ŋu mede se na mi le la, woawoe wowɔna. Nu sia tae melé fu wo ɖo." data/train/LEV/LEV_025_Verse_021.mp3,"Le anyigbadzadzra ƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe me la, ele be woaɖo kpe edzi be anyigbadzrala la agate ŋu agbugbɔ anyigba la axɔ ɣe sia ɣi." data/train/LEV/LEV_006_Verse_024.mp3,Wɔ si asusɔ le asiʋlo ɖeka ɖeɖe vɔ megbe la azu nuɖuɖu na Aron kple via ŋutsuwo. Womade amɔʋãtike eme o. Woaɖui le Agbadɔ la ƒe xɔxɔnu. data/train/LEV/LEV_014_Verse_046.mp3,"Nunɔla la atso asaɖa la me ayi aɖadoe kpɔ. Ne nunɔla la kpɔ be kpodɔléla la ƒe lãme sẽ la," data/train/LEV/LEV_023_Verse_018.mp3,Matsrɔ̃ ame sia ame si awɔ dɔ aɖe gbe ma gbe la tso eƒe amewo dome. data/train/LEV/LEV_013_Verse_008.mp3,"ele be nunɔla la nalé ŋku ɖe teƒea ŋu. Ne fu si le teƒea fu, eye wòdze abe dɔléle la tso amea ƒe lãme ke ene la, ekema woanya be amea dze kpodɔ to dzobi la teƒe, eye nunɔla la aɖe gbeƒã be eŋuti mekɔ o, edze anyi." data/train/LEV/LEV_027_Verse_009.mp3,"Ke ne etsɔe na le Aseyetsoƒe la megbe la, ekema ga home si wòaxe la aku ɖe ƒe siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe bubu nagaɖo la ŋu." data/train/LEV/LEV_015_Verse_023.mp3,"“ ‘Ne ŋutsu aɖe ŋu kɔ tso afuɖɔɖɔ me la, nexlẽ ŋkeke adre hena eƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu, nenya eƒe awuwo eye wòale tsi nyuie ekema eŋuti akɔ." data/train/LEV/LEV_015_Verse_020.mp3,"“ ‘Ne gbɔtotsitsi sia nu tso, eye ŋkeke adre va yi la, ekema eŋuti kɔ azɔ." data/train/LEV/LEV_004_Verse_023.mp3,"“ ‘Ne dumegã aɖe wɔ nu vɔ̃, gake menya gbã be yewɔ nu vɔ̃, da le Yehowa, eƒe Mawu, ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi o," data/train/LEV/LEV_019_Verse_036.mp3,"“Ƒo nu na Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la, eye nàgblɔ na wo be, ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa, miaƒe Mawu, mele kɔkɔe." data/train/LEV/LEV_011_Verse_033.mp3,"Ne lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ka abolokpo aɖe ŋu la, abolokpo la hã ŋu mekɔ o, eya ta ele be woagbãe." data/train/LEV/LEV_002_Verse_009.mp3,"Ne wò nuɖuvɔsa nye nu si wome le kpo me, tɔ alo mee le dzo dzi la, ele be nàtsɔ nuɖuvɔsa la ayi na nunɔla, eye eya atsɔe ayi vɔsamlekpui la dzi, eye eya atsɔe ana Yehowa." data/train/LEV/LEV_014_Verse_017.mp3,"ekema nunɔla la ana woadza teƒe mawo ɖa le gliawo ŋu, eye woalɔ gli kakawo aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo." data/train/LEV/LEV_018_Verse_014.mp3,"“ ‘Mègatsɔ viwò aɖeke na Molek o; atsɔe asa vɔe le eƒe vɔsamlekpui dzi. Mègaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa." data/train/LEV/LEV_019_Verse_025.mp3,“ ‘Miwɔ nye seawo dzi. “ ‘Migana lã nayɔ asi lã ƒomevi bubu o. “ ‘Mègaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o. “ ‘Mègado awu si wotɔ kple avɔ si wotsɔ lãfu tsaka ɖeti lɔ̃ la o. data/train/LEV/LEV_020_Verse_022.mp3,"“ ‘Ne ŋutsu aɖe wɔ ahasi kple ehavi srɔ̃ la, ele be woawu ŋutsu ahasiwɔla la kple nyɔnu ahasiwɔla la siaa." data/train/LEV/LEV_021_Verse_006.mp3,"Ele be woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womado vlo woƒe Mawu la ƒe ŋkɔ o. Esi wònye be woawoe tsɔa dzovɔsa vɛ na Yehowa, nu si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu ta la, ele na wo be woanɔ kɔkɔe." data/train/LEV/LEV_015_Verse_003.mp3,"Ame si nɔ zikpui si dzi ŋutsu si ŋu mekɔ o nɔ la hã ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi." data/train/LEV/LEV_021_Verse_016.mp3,"Mibu wo be wole kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa miaƒe Mawu la ƒe Nuɖuɖunana. Mibu wo kɔkɔe, elabena nye Yehowa mele kɔkɔe, nye ame si wɔ mi miele kɔkɔe." data/train/LEV/LEV_018_Verse_019.mp3,"“ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to mɔ siawo dometɔ aɖeke dzi o, elabena nu siawoe dukɔwo bubuwo wɔna. Esi wowɔa nu siawo ta la, manya wo ɖa le anyigba si dzi yim miele la dzi." data/train/LEV/LEV_022_Verse_009.mp3,Ke ame bubu siwo ate ŋu aɖui koe nye kluvi si nunɔla aɖe ƒle kple eya ŋutɔ ƒe ga kple vi siwo kluvi la dzi le nunɔla la ƒe aƒe me. data/train/LEV/LEV_019_Verse_012.mp3,"“ ‘Migaba ame aɖeke alo ate ame aɖeke ɖe to o. “ ‘Mikpɔ egbɔ be yewoxe fe na yewoƒe agbatedɔwɔlawo kaba. Ne fe aɖe li miaxe na agbatedɔwɔlawo la, migana fe ma natsi mia ŋuti ŋu nake ɖe edzi o." data/train/LEV/LEV_008_Verse_025.mp3,Mose trɔ ɖe agbo evelia si nye ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ŋu. Aron kple via ŋutsuwo da woƒe asiwo ɖe agbo la ƒe ta dzi. data/train/LEV/LEV_014_Verse_028.mp3,"eye wòatsɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe eŋu atsɔ sa vɔe le vɔsamlekpui la dzi, alé avu ɖe amea nu, ekema woagblɔ be amea ŋuti kɔ keŋkeŋ azɔ." data/train/LEV/LEV_004_Verse_031.mp3,"Woawɔ nu siwo katã wowɔna le nu vɔ̃ ŋuti vɔsasa me. Ale nunɔla la alé avu ɖe dukɔ la nu, eye Mawu atsɔ nu vɔ̃ la ake ame sia ame." data/train/LEV/LEV_013_Verse_003.mp3,"ekema eme kɔ ƒãa be anyie, eye nunɔla la naɖe gbeƒã be eŋu mekɔ o. Mele be woagatu amea ɖe xɔ me be woagalé ŋku ɖe eŋu o, elabena eme kɔ ƒãa be edze dɔ la." data/train/LEV/LEV_006_Verse_007.mp3,"Emegbe la, aɖɔli eƒe awuwo, atsɔ dzowɔ la ayi teƒe si ŋuti kɔ le asaɖa la godo." data/train/LEV/LEV_008_Verse_002.mp3,"Azɔ la, Mose tsɔ agbo la ƒe akɔ, eye wòtsɔe na Yehowa to enyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ƒe akpa siae nye Mose tɔ abe ale si Yehowa ɖoe ene." data/train/LEV/LEV_018_Verse_027.mp3,"“ ‘Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ adɔ lãnɔ aɖeke gbɔ, eye wòaƒo ɖi eɖokui o. Nenema ke nyɔnu aɖeke mekpɔ mɔ alɔ̃ lãtsu aɖeke nayɔ asii o. Esia nye ŋukpenanu gã aɖe ŋutɔ." data/train/LEV/LEV_021_Verse_021.mp3,"“ ‘Nunɔlagã la, ame si wosi ami ɖe ta na le nɔvia ŋutsuwo dome, eye woɖoe nunɔlae be wòado nunɔlawu la, mele be wòakaka ɖa ɖe ta alo adze awu le eɖokui ŋu o." data/train/LEV/LEV_017_Verse_010.mp3,Nu sia tae mede se na Israelviwo alo amedzro siwo le wo dome la be womekpɔ mɔ aɖu lã aɖeke ƒe ʋu o ɖo. data/train/LEV/LEV_010_Verse_019.mp3,"Zi ale si wometsɔ eƒe ʋu yi kɔkɔeƒe la o la, ɖe wòle be miaɖui le afi ma abe ale si meɖo na mi ene hafi.”" data/train/LEV/LEV_008_Verse_014.mp3,"“Kplɔ Aron kple via ŋutsuwo vɛ, nàtsɔ woƒe awuwo, ami sisi la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanyitsu la, agbo eveawo kple kusi si me abolo maʋamaʋã le," data/train/LEV/LEV_018_Verse_001.mp3,"“ ‘Ame sia ame si awɔ ŋunyɔnu siawo dometɔ aɖe la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe amewo dome." data/train/LEV/LEV_004_Verse_019.mp3,"kple nyitsu la ƒe lã mamlɛa katã ayi asaɖa la godo, teƒe si ŋuti kɔ kple afi si wotsɔa afi ƒua gbe ɖo la, eye wòatɔ dzoe le nakedzo dzi le afi si woli kɔe la dzi." data/train/LEV/LEV_013_Verse_043.mp3,"Ne nunɔla la doe kpɔ, eye wòkpɔ be dɔléle la tso keke eƒe lãme, ke eye fu si le teƒea fu kpii la, ekema nunɔla la atso nya me be, eŋuti mekɔ o, elabena edze kpodɔ to ƒoƒoe la teƒe." data/train/LEV/LEV_021_Verse_008.mp3,"gake mekpɔ mɔ ayi xɔmetsovɔ la godo alo ate ɖe vɔsamlekpui la ŋu o, le eƒe nuwɔametɔnyenye ta, ale be magaƒo ɖi nye teƒe kɔkɔe la o, elabena Yehowae kɔ eŋuti.’ ”" data/train/LEV/LEV_004_Verse_009.mp3,"Ekema nunɔla la atsɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã sia ƒe ʋu ƒe ɖe, atsɔ eƒe asibidɛ asisi ʋu la ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòakɔ ʋu la ƒe mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te." data/train/LEV/LEV_001_Verse_014.mp3,"“ ‘Ne vɔsa la nye numevɔsa tso alẽhawo alo gbɔ̃hawo dome la, ele nɛ be wòana atsua si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la." data/train/LEV/LEV_006_Verse_020.mp3,Tsɔ ami tɔe le nutɔgba me wòabi nyuie ekema nàtsɔe vɛ na Yehowa wòanye vɔsa si dzea eŋu. data/train/LEV/LEV_024_Verse_016.mp3,"Woatsɔ wɔ memee kilogram wuieve ame abolo ɖe sia ɖe. Woawu lifi ɖe fli eveawo dzi. Esia anye dzovɔsa na Yehowa," data/train/LEV/LEV_025_Verse_006.mp3,"Esi wònye nyee kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi, eye nye subɔlawo mienye ta la, mele be woadzra mi abe kluvi bubuawo ene loo" data/train/LEV/LEV_009_Verse_023.mp3,Wofli lã la tsɔ vɛ nɛ kpe ɖe lã la ƒe ta ŋu. Etɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. data/train/LEV/LEV_009_Verse_017.mp3,"Mose gblɔ na ameawo be, “Ne miewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi la, eƒe ŋutikɔkɔe aɖe eɖokui afia mi.”" data/train/LEV/LEV_003_Verse_001.mp3,"atsɔ eƒe asi ada ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòawui le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron viŋutsuwo ahlẽ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo kple ene ŋu," data/train/LEV/LEV_010_Verse_013.mp3,"Mose yɔ Misael kple Elzafan, wo tɔɖia Uziel ƒe viŋutsuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi miakɔ mia nɔviwo ƒe ŋutilã fiafiawo tso Agbadɔ la ŋkume yi ɖada ɖe asaɖa la godo.”" data/train/LEV/LEV_026_Verse_018.mp3,"magaɖo ŋku ŋugbe siwo medo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Maɖo ŋku anyigba la kple ale si amewo gblẽe ɖi la dzi," data/train/LEV/LEV_005_Verse_007.mp3,"eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Nunɔla la alé avu ɖe enu, ekema Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee, eye mele be wòagawɔ ɖe atam si wòka la dzi o." data/train/LEV/LEV_022_Verse_034.mp3,"“Ƒo nu na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe, dzɔleaƒea alo amedzro si le Isreal sa numevɔ na Yehowa abe adzɔgbeɖefexexe ene loo alo nunana le lɔlɔ̃nu ene la," data/train/LEV/LEV_011_Verse_018.mp3,"Ke lã siwo katã le atsiaƒu me alo tɔ me esiwo ŋu adza alo tsro mele o, woɖale lã siwo katã ƒua tsi dome alo nu gbagbe bubu siwo katã le tɔ me dome o, wonye ŋunyɔnu na mi." data/train/LEV/LEV_023_Verse_022.mp3,"Migawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, elabena enye avuléŋkeke tɔxɛ le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume." data/train/LEV/LEV_018_Verse_003.mp3,"Ele be miazɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo nu tututu, eye mele be miawɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ aɖeke o. Ele be Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome siaa la nalé se siawo me ɖe asi sesĩe." data/train/LEV/LEV_023_Verse_027.mp3,"Nunana sia anye abolo eve tso miaƒe aƒewo me, eye woanye wo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ nɛ ƒe dzesi ene. Mitsɔ wɔ memee si ʋã la kilogram eve wɔ abolo siawo. Nunana sia nye miaƒe kutsetse gbãtɔwo na Yehowa." data/train/LEV/LEV_015_Verse_001.mp3,"“ ‘Ale ne Israelviwo ŋu mekɔ o la, miakɔ wo ŋuti; ne menye nenema o la, woagblẽ kɔ ɖo na nye Agbadɔ si le wo dome, eye woaku.’ ”" data/train/LEV/LEV_004_Verse_004.mp3,"Atsɔe va afi si wowua numevɔsalãwo le, ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui." data/train/LEV/LEV_012_Verse_002.mp3,Ele be woatso aʋa na ɖevia le ŋkeke enyia gbe. data/train/LEV/LEV_009_Verse_012.mp3,"Eɖe nyitsu la kple agbo la ƒe amiwo, ami siwo le ayikuawo ŋu kpe ɖe esiwo le woƒe dɔmenuwo ŋu la ŋuti, eye wògaɖe woƒe ayikuwo kple aklãwo hã." data/train/LEV/LEV_015_Verse_025.mp3,"“ ‘Ne ŋutsu si ŋu mekɔ o, meklɔ asi hafi ka asi ame aɖe ŋu o la, ele na amea hã be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ." data/train/LEV/LEV_018_Verse_025.mp3,"Woƒo ɖi anyigba blibo la kple nuwɔna siawo, eya ta mele to hem na ame siwo le afi ma, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe." data/train/LEV/LEV_025_Verse_015.mp3,"ke le ƒe adrelia me la, miagblẽ anyigba la ɖi le Yehowa ŋkume; miagade agble ɖe edzi o. Migaƒã nukuwo o, eye migaɖe miaƒe waintiwo ŋu le ƒe blibo la me o." data/train/LEV/LEV_013_Verse_013.mp3,"eye nunɔla la agadoe akpɔ. Nenye be teƒe ƒɔƒlɔ la ɖɔ ɖo abe ŋutilãa ƒe akpa bubuwo ene la, ekema eŋuti kɔ le se la nu, eye nunɔla la aɖe gbeƒã be eŋuti kɔ." data/train/LEV/LEV_020_Verse_010.mp3,"Medo woƒe anyigba ŋugbe na mi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Enye anyigba aɖe si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la, ame si de vovototo miawo kple dukɔ bubuwo ƒe amewo dome." data/train/LEV/LEV_011_Verse_038.mp3,“ ‘Nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba dzi la nye nu si woatsri; womaɖui o. data/train/LEV/LEV_019_Verse_007.mp3,"“ ‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa." data/train/LEV/LEV_019_Verse_015.mp3,"“ ‘Migate amedzro siwo le miaƒe anyigba dzi la ɖe to o, eye migaba wo o." data/train/LEV/LEV_018_Verse_024.mp3,“ ‘Vinyɔnu mekpɔ mɔ aɖe fofoa o. Nenema ke viŋutsu mekpɔ mɔ aɖe dadaa loo data/train/LEV/LEV_021_Verse_011.mp3,"Manye le kpɔɖeŋu me, ame si nye ŋkuagbãtɔ alo xɔdrɔ̃, ame si ƒe ŋɔti gbã alo ame si to asibidɛ ade alo afɔbidɛ ade," data/train/LEV/LEV_013_Verse_020.mp3,"Gake ne edze be teƒe la megale kekem ɖe edzi o, eye ɖa yibɔ le teƒea la, ekema dɔléle la nu tso, amea menye kpodɔléla o, eya ta nunɔla la atso nya me be eƒe ŋuti kɔ." data/train/LEV/LEV_013_Verse_007.mp3,"ekema nunɔla la aƒlɔ ɖa, aƒo xlã teƒe la, ke menye le teƒea ŋutɔ o. Nunɔla la agatui ɖe xɔ me ŋkeke adre bubu," data/train/LEV/LEV_010_Verse_017.mp3,Woyi ɖakɔ wo; wole woƒe awutewui ʋlayawo me abe ale si Mose gblɔ na wo la ene. data/train/LEV/LEV_008_Verse_033.mp3,"Mose ɖe ami siwo katã le dɔmenuawo, aklã kple ayiku eveawo ŋu, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi." data/train/LEV/LEV_023_Verse_004.mp3,"Emegbe la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka la asa akpedavɔe." data/train/LEV/LEV_019_Verse_008.mp3,"“ ‘Mègagblẽ viwò ɖetugbi ƒe dzadzɛnyenye me to ewɔwɔ gboloe me o. Ne menye nenema o la, anyigba la azu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo anɔ edzi." data/train/LEV/LEV_006_Verse_028.mp3,"Ŋutsu ɖe sia ɖe le nunɔlawo dome kpɔ mɔ aɖu vɔsalã sia. Ke woawo koe kpɔ mɔ aɖui, elabena nu kɔkɔe wònye." data/train/LEV/LEV_008_Verse_030.mp3,"Mose wui, eye wòhlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ŋuti godoo." data/train/LEV/LEV_025_Verse_013.mp3,"Ke aƒe siwo le du siwo womeɖo gli ƒo xlã o me ya la le ko abe aƒe siwo wotso ɖe agblewo dzi ene, eya ta woate ŋu agbugbɔ wo axɔ ɣe sia ɣi, eye woagbugbɔ wo na nutɔ gbãtɔwo le Aseyetsoƒe la me kokoko." data/train/LEV/LEV_025_Verse_040.mp3,"Ne mieƒã nukuwo le ƒe enyilia me la, miaɖu miaƒe nu xoxowo, eye miayi wo ɖuɖu dzi va se ɖe esime ƒe asiekɛlia ƒe nuŋeɣi naɖo." data/train/LEV/LEV_025_Verse_036.mp3,"Ne edzra eɖokui na amedzro aɖe la, ele be amedzro la nalé be nɛ abe agbatedɔwɔla ene, ke mawɔ eŋu dɔ abe kluvi alo nu si nye etɔ la ene o." data/train/LEV/LEV_015_Verse_031.mp3,"“ ‘Ŋutsu si adɔ nyɔnu sia gbɔ le eƒe asiɖoanyiɣi, eye ʋua ƒe ɖe ka eŋu la, eŋuti makɔ o hena ŋkeke adre, eye abati ɖe sia ɖe si dzi wòamlɔ la ŋu makɔ o." data/train/LEV/LEV_022_Verse_010.mp3,"Ke ne enye ahosi alo eƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, viŋutsu aɖeke mele esi akpɔ edzi o, eye wògatrɔ va fofoa ƒe aƒe me la, ekema agate ŋu akpɔ gome le fofoa ƒe nuɖuɖu me. Le ame siawo megbe la, ame siwo mele nunɔlawo ƒe ƒomewo me o la mekpɔ mɔ aɖu nu sia o." data/train/LEV/LEV_020_Verse_007.mp3,"“ ‘Eya ta miwɔ nye seawo kple nye ɖoɖowo katã dzi, ale be anyigba si metsɔ na mi la matu mi aƒu gbe o." data/train/LEV/LEV_008_Verse_010.mp3,"Esi wòɖo vɔsamlekpui la gbɔ la, ewu ami sisi la ɖe eŋu zi adre, eye wògawui ɖe nu siwo le vɔsamlekpui la dzi kple tsileze la kple eƒe zɔ ŋu hekɔ wo ŋu." data/train/LEV/LEV_020_Verse_013.mp3,"Ne anyigba la dzi tɔwo wɔ abe ɖe womenya naneke tso ame si tsɔ via na Molek ŋu o, eye wogbe be yewomawui o la," data/train/LEV/LEV_023_Verse_028.mp3,"Nunɔla la anye nunana siawo le yame le Yehowa ŋkume hekpe ɖe nu gbãtɔwo ƒe abolo ŋu, kpakple alẽvi eveawo siwo nye nu kɔkɔewo na Yehowa, eye woatsɔ wo ana nunɔlawo abe woƒe nuɖuɖu ene." data/train/LEV/LEV_015_Verse_015.mp3,"Le ŋkeke enyia gbe la, alé akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, ado ɖe Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòatsɔ wo ana nunɔla la." data/train/LEV/LEV_009_Verse_014.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, woatsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka asa akpedavɔ, eye woatsɔ wɔ si woblu kple ami la asa nuɖuvɔ na Yehowa, elabena egbe la, Yehowa aɖe eɖokui afia wo.”" data/train/LEV/LEV_013_Verse_004.mp3,"Ekema nunɔla la adoe akpɔ. Ne teƒe la le kpokploo, mebiã tututu o, eye mefu tututu abe kpodɔ ƒe dzesi ene o hã la," data/train/LEV/LEV_025_Verse_038.mp3,"“ ‘Ne hiã tu hawòvi, Israelvi, eye magate ŋu akpɔ eɖokui dzi o la, enye wò dɔdeasi be nàkpe ɖe eŋu. Na wòava nɔ gbɔwò le wò aƒe me abe amedzro si dze gbɔwò ene." data/train/LEV/LEV_011_Verse_016.mp3,"Gawu la, ele be ame si ɖu eƒe lã alo tsɔe yi ɖaƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ." data/train/LEV/LEV_004_Verse_022.mp3,"“ ‘Ne dukɔmevi aɖe da le Yehowa ƒe sewo dzi, gake menya be yewɔ nu vɔ̃ o la, eɖi fɔ." data/train/LEV/LEV_003_Verse_000.mp3,"Ame si tsɔ lã la vɛ la ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron ƒe viŋutsu siwo nye nunɔlawo la ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo ŋu." data/train/LEV/LEV_018_Verse_004.mp3,"“ ‘Eye mègade asi fofowò nɔvinyɔnu hã ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple fofowò." data/train/LEV/LEV_023_Verse_002.mp3,"“ ‘Anyɔnyɔ ƒe ŋkeke mamlɛtɔ sia, si le miaƒe nuŋeɣi ƒe nuwuwu lae nye ɣeyiɣi si dzi miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre le Yehowa ŋkume. Miɖo ŋku edzi be ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ nye dzudzɔgbe kɔkɔewo." data/train/LEV/LEV_008_Verse_034.mp3,"Nu siwo katã wowɔ egbe la, Yehowae de se be woawɔ wo hena miaƒe ŋutikɔkɔ." data/train/LEV/LEV_008_Verse_022.mp3,"Mose gaxɔ nu siawo le wo si, eye wòtɔ dzo wo kpe ɖe numevɔsa la ŋuti na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi. Vɔsa sia dze Yehowa ŋu." data/train/LEV/LEV_020_Verse_016.mp3,"“ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi lãnɔ aɖe ŋu la, ele be woawu ŋutsu la kple lãnɔ la siaa, elabena woƒe ʋu anɔ woawo ŋutɔ ƒe ta dzi." data/train/LEV/LEV_017_Verse_013.mp3,"Woawɔ alea, ale be amewo masa vɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo le gbedzi o. Esia anye se na mi tegbetegbe tso dzidzime yi dzidzime.’" data/train/LEV/LEV_025_Verse_029.mp3,"Migaŋe nuku siwo mie le wo ɖokuiwo si o; migagbe wain tsetsewo gɔ̃ hã na mia ɖokuiwo o, elabena ƒe adrelia nye dzudzɔƒe na anyigba la." data/train/LEV/LEV_013_Verse_009.mp3,"“Ele na ame si wokpɔ be edze kpodɔ la be wòadze eƒe awuwo, ana eƒe taɖa nato ʋutuu, wòatsyɔ nu eƒe nuyi dziƒotɔ dzi, eye wòanɔ yiyim anɔ ɣli dom be, ‘Nye ŋuti mekɔ o, nye ŋuti mekɔ o!’" data/train/LEV/LEV_027_Verse_033.mp3,"“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe be yeatsɔ ame aɖewo ana Yehowa to ga home si dze be woaxe ɖe wo ta me la," data/train/LEV/LEV_018_Verse_016.mp3,"Mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Egipte, afi si mienɔ la ene o. Nenema ke mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Kanaan, afi si mele mia kplɔm le yiyim la ene o. Migawɔ woƒe wɔnawo o." data/train/LEV/LEV_011_Verse_037.mp3,"Nu gbagbe ɖe sia ɖe si le tɔ me, esi ŋu tsro kple adza mele o la nanye ŋunyɔnu na mi." data/train/LEV/LEV_001_Verse_013.mp3,"“ ‘Ne nunana na Yehowa nye numevɔsa si woawɔ kple xevi la, ele be wòanye akpakpa alo ahɔnɛvi." data/train/LEV/LEV_012_Verse_005.mp3,"“ ‘Ne nyɔnu la ƒe ŋutikɔkɔ ƒe ɣeyiɣi de la, ne via nye ŋutsuvi loo alo nyɔnuvi hã la, ele na nyɔnu la be wòana alẽvi si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa, eye wòana ahɔnɛ alo akpakpa ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Atsɔ nu siawo ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu," data/train/LEV/LEV_019_Verse_022.mp3,"“ ‘Milé se si ku ɖe nye Dzudzɔgbe ŋuti la me ɖe asi, eye miade bubu nye Agbadɔ la ŋu, elabena nyee nye Yehowa." data/train/LEV/LEV_026_Verse_002.mp3,"ekema mana nye dɔmedzoe sesẽ la nabi ɖe mia ŋu, eye mana tohehe si dzi ŋɔ zi adre wu tsãtɔwo la nava mia dzi le miaƒe nu vɔ̃wo ta." data/train/LEV/LEV_008_Verse_035.mp3,"Nu siwo wòtsɔ da ɖe agbo la ƒe lã ƒe akpa siawo dzi la woe nye abolo maʋamaʋã ɖeka si tso kusi si wotsɔ ɖo Yehowa ŋkume la me, abolo si wode amii kple akpɔnɔ ɖeka." data/train/LEV/LEV_006_Verse_012.mp3,"Ne wotsɔ vɔsalã la ƒe ʋu aɖe yi Agbadɔ la me, be woalé avu le Kɔkɔeƒe la la, ekema nunɔlawo mekpɔ mɔ aɖu vɔsalã la o. Woatɔ dzo lã blibo la le Yehowa ŋkume." data/train/LEV/LEV_027_Verse_022.mp3,"Ne amea di be yeagaxɔ anyigba la la, ekema ele nɛ be wòaxe ga home si nunɔla la ɖo nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ekema anyigba la agazu etɔ." data/train/LEV/LEV_014_Verse_002.mp3,"“Ame sia ame si ge ɖe aƒea me le esime wotui la, ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ." data/train/LEV/LEV_014_Verse_008.mp3,"Awu alẽ la le afi si wowua nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo kple numevɔsalãwo le, le Agbadɔ la me. Woatsɔ fɔɖivɔsa sia ana nunɔla la abe eƒe nuɖuɖu ene, abe ale si wowɔna le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me ene. Enye vɔsa kɔkɔe ƒe vɔsa kɔkɔe." data/train/LEV/LEV_011_Verse_021.mp3,"“ ‘Lã aɖewo li siwo dzɔa nu gaɖuna alo woƒe afɔkli me koe fe, gake migaɖu wo o. Togbɔ be kposɔ ɖua nu, dzonɛ gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Enye lã makɔmakɔ na mi." data/train/LEV/LEV_023_Verse_031.mp3,"Xlẽ ŋkeke blaatɔ̃ va se ɖe ŋkeke si dze Dzudzɔgbe adrelia dzi, eye miasa vɔ kple nuŋeŋe yeyewo na Yehowa." data/train/LEV/LEV_015_Verse_009.mp3,"Esia fia be nu sia nu si dzi wòamlɔ le ɣeyiɣi ma me la ŋu makɔ o, abe ale si wòanɔ le eƒe gbɔtotsitsi ŋutɔ me ene. Nenema ke nu sia nu si dzi wòanɔ hã ŋu mekɔ o." data/train/LEV/LEV_023_Verse_008.mp3,"Gbe ma gbe ke miatsɔ alẽvi si xɔ ƒe ɖeka, eye wòle blibo la asa numevɔe na Yehowa." data/train/LEV/LEV_023_Verse_030.mp3,Woaɖe gbeƒã ŋkeke ma abe amewo katã ƒe takpekpe kɔkɔe ƒe ɣeyiɣi ene. Migawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke ma dzi o. Esia nye se si dzi woawɔ tso dzidzime yi dzidzime. data/train/LEV/LEV_023_Verse_015.mp3,"Le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, ele be miasa dzovɔ na Yehowa. Ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe bubu le ŋkeke enyia gbe. Woagasa dzovɔ na Yehowa gbe ma gbe. Enye dzidzɔɣeyiɣi aɖe, eye womeɖe mɔ be woawɔ dɔ sesẽ aɖeke o.’" data/train/LEV/LEV_019_Verse_029.mp3,"“ ‘Ne miexa miaƒe agblemenuwo la, migaŋe nuku siwo le agblea to o, eye migafɔ nuku siwo dudu ɖe anyigba hã o." data/train/LEV/LEV_005_Verse_012.mp3,"“Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye wòwɔ nu si wogbe be womawɔ o le Yehowa ƒe ɖoɖowo dometɔ aɖe me, ne eya ŋutɔ menyae o gɔ̃ hã la, eɖi fɔ eye woabui nu vɔ̃e nɛ." data/train/LEV/LEV_019_Verse_005.mp3,Ele be ŋutsu la natsɔ eƒe fɔɖivɔsa vɛ na Yehowa le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nu si wòanae nye agbo. data/train/LEV/LEV_016_Verse_031.mp3,"Woatsɔ nyitsu kple gbɔ̃tsu si Aron tsɔ sa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòtsɔ woƒe ʋu yi Teƒe Kɔkɔe la hena avuléle la ayi asaɖa la godo, eye woatɔ dzo wo kpe ɖe woƒe agbalẽ kple dɔmenuwo ŋu." data/train/LEV/LEV_015_Verse_002.mp3,"“ ‘Ame si ka asi ŋutsu si le afu ɖɔm ŋuti la ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi." data/train/LEV/LEV_006_Verse_001.mp3,"alo nu sia nu si ŋu wòka aʋatsotam ɖo la ŋu. Ele be wòaɖo nua teƒe wòade, wòatsɔ nua ƒe home atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee, eye wòatsɔ wo katã na nutɔ le ŋkeke si wòtsɔ eƒe fɔɖivɔsa na la dzi." data/train/LEV/LEV_024_Verse_001.mp3,"Ale Mose ƒo nu na Israelviwo eye wohe ɖekakpui la yi asaɖa la godo, eye woƒu kpee va se ɖe esime wòku abe ale si Yehowa de se na Mose ene." data/train/LEV/LEV_014_Verse_031.mp3,"Le esia megbe la, ana woaka xɔa me ƒe gliwo ŋu nyuie, eye woalɔ gli kakawo aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo." data/train/LEV/LEV_001_Verse_012.mp3,"“ ‘Ne nunana la anye numevɔsa tso lãhawo dome la, ele be wòana lãtsu si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o. Ele be wòanae le agbadɔ la ƒe mɔnu ale be wòadze Yehowa ŋu." data/train/LEV/LEV_019_Verse_013.mp3,“ ‘Migafi fi o. “ ‘Migada alakpa o. “ ‘Ame aɖeke megaba nɔvia o. data/train/LEV/LEV_017_Verse_003.mp3,"eye metsɔe va Mawu ƒe Agbadɔ la nu be wòasa vɔ la na Yehowa o la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe amewo dome." data/train/LEV/LEV_009_Verse_019.mp3,"Mose kple Aron woyi Agbadɔ la me, eye esi wodo go la, woyra ameawo. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la," data/train/LEV/LEV_025_Verse_042.mp3,"“ ‘Ne womete ŋu xɔe hafi Aseyetsoƒe la ɖo o la, ekema woana ablɔɖe eya ŋutɔ kple viawo le Aseyetsoƒe la me." data/train/LEV/LEV_005_Verse_014.mp3,"“ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu atsɔ akpakpawo alo ahɔnɛ fɛ̃wo asa nu vɔ̃ vɔe o la, ekema ana wɔ memee kilogram ɖeka. Mele be woakɔ ami ɖe edzi loo alo atsakae kple dzudzɔdonu o, elabena nu vɔ̃ vɔsae." data/train/LEV/LEV_024_Verse_000.mp3,ada ɖe fli eve me: ade nanɔ fli ɖeka me le sikakplɔ̃ si le tsitre ɖe Yehowa ŋkume la dzi. data/train/LEV/LEV_021_Verse_001.mp3,"alo nɔvia nyɔnu si meɖe srɔ̃ haɖe o, eye wòle eƒe dzikpɔkpɔ te, esi srɔ̃ mele esi o ta ene. Ate ŋu agblẽ kɔ na eɖokui le nɔvia nyɔnu sia ta." data/train/JAS/JAS_005_Verse_017.mp3,"Nɔvinye lɔlɔ̃awo, ne mia dometɔ aɖe tra tso nyateƒe la gbɔ, eye ame aɖe kplɔe gbɔe la," data/train/JAS/JAS_001_Verse_010.mp3,"Gake ne ebia la, ele nɛ be wòaxɔe ase ɖikeke manɔmee, elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene." data/train/JAS/JAS_003_Verse_014.mp3,"Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia dometɔ geɖewo megabu wo ɖokuiwo nufialawoe o, elabena mienyae be mí ame siwo nye nufialawo la, woadrɔ̃ ʋɔnu mí vevie wu ame bubuwo." data/train/JAS/JAS_004_Verse_010.mp3,"Milé blanui, mifa konyi, eye mifa avi. Mina miaƒe nukoko nazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nazu blanuiléle." data/train/JAS/JAS_001_Verse_002.mp3,elabena ame ƒe dɔmedzoe mehea dzɔdzɔenyenye ƒe agbenɔnɔ si Mawu di la vanɛ o. data/train/JAS/JAS_001_Verse_003.mp3,"elabena enye dzi eve me susula, eye meli ke le nu siwo katã wòwɔna la me o." data/train/JAS/JAS_002_Verse_025.mp3,"ɖe miede vovototo ameawo me le mia dome, eye miezu ʋɔnudrɔ̃la siwo me susu vɔ̃ɖiwo le o mahã?" data/train/JAS/JAS_005_Verse_019.mp3,"Nɔviwo, mina nyagblɔɖila siwo gblɔ Mawu ƒe nya na amewo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la nanye kpɔɖeŋu na mi le fukpekpewo me." data/train/JAS/JAS_004_Verse_007.mp3,"Mi ahasiwɔlawo! Ɖe mienya be ne miedze xɔlɔ̃ xexea me la, ekema mielé fu Mawu oa? Ame sia ame si dze xɔlɔ̃ xexea me la nye Mawu ƒe futɔ." data/train/JAS/JAS_002_Verse_016.mp3,"Ne mietsɔ bubu tɔxɛ na ame si do awu xɔasi hegblɔ nɛ be, “Va nɔ teƒe nyui sia,” gake miegblɔ na ame dahe la be, “Wò ya nɔ tsitre ɖe afi ma” alo “Nɔ anyigba le nye afɔ nu” la," data/train/JAS/JAS_002_Verse_009.mp3,"Ke miawo la, miedoa vlo ame dahewo. Ɖe menye kesinɔtɔwoe le mia bam oa? Alo menye woawo kee hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã?" data/train/JAS/JAS_001_Verse_000.mp3,"Ame ma megasusu be yeaxɔ naneke tso Aƒetɔ la gbɔ o," data/train/JAS/JAS_003_Verse_018.mp3,Ɖe vudo ɖeka ate ŋu adzi tsi vivi kple dzetsia? data/train/JAS/JAS_003_Verse_002.mp3,"Aɖe ŋutɔ hã nye dzo; enye xexeme vɔ̃ɖi le ŋutinuwo dome. Egblẽa ameti blibo la dome. Etɔa dzo ame ƒe agbenɔnɔ blibo la, eye mlɔeba la, wòtɔa dzo eya ŋutɔ hã le dzomavɔʋe me." data/train/JAS/JAS_002_Verse_020.mp3,"Nɔvinye lɔlɔ̃awo, miɖo tom: Ɖe Mawu metia ame siwo xexemetɔwo buna be wonye ame dahewo la be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me, eye be woanyi fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe dome o mahã?" data/train/JAS/JAS_002_Verse_013.mp3,"Mítsɔe be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe li, esi si avɔ kple gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu mele o." data/train/JAS/JAS_005_Verse_004.mp3,"Eliya nye amegbetɔ abe míawo ke ene. Edo gbe ɖa vevie be tsi megadza o, eye tsi medza ɖe anyigba dzi o ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ." data/train/JAS/JAS_004_Verse_006.mp3,"Ke nu si miewɔna la nye dada kple ɖokuidodoɖedzi ƒuƒlu. Adegbeƒoƒo siawo tɔgbi katã nye nu vɔ̃," data/train/JAS/JAS_005_Verse_002.mp3,"Ame aɖe le dɔ lém le mia domea? Neyɔ hanunɔlawo ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me." data/train/JAS/JAS_001_Verse_025.mp3,"Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me la, elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu la, axɔ agbefiakuku si ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃nɛ la." data/train/JAS/JAS_003_Verse_005.mp3,gake ame aɖeke mate ŋu amla ame ƒe aɖe o. Enye aɖi vɔ̃ɖi si dzi womate ŋu aɖu o. data/train/JAS/JAS_005_Verse_018.mp3,"Nɔviwo, migalĩ liʋĩliʋĩ le mia nɔewo ŋu o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi. Ʋɔnudrɔ̃la la ƒe afɔ le ʋɔtru la nu." data/train/JAS/JAS_003_Verse_004.mp3,"Elabena mía dometɔ ɖe sia ɖe daa vo le mɔ geɖewo nu. Ne ame aɖe medaa vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame si de blibo, ale wòtea ŋu dea ga eƒe ŋutilã blibo la." data/train/JAS/JAS_003_Verse_011.mp3,"Nenema ke, ame ƒe aɖe nye ŋutinu sue aɖe ko, gake etea ŋu ƒoa adegbe gã. Mikpɔ ale si dzoxi sue aɖe tea ŋu tɔa dzo ave gãwoe la ɖa." data/train/JAS/JAS_003_Verse_012.mp3,"Numega sue si míedea sɔwo ƒe nu me la, eyae nana be woɖoa to mí, eye míetea ŋu trɔa lã blibo la ɖe afi sia afi." data/train/JAS/JAS_002_Verse_003.mp3,"Edze ƒãa be xɔse wɔ dɔ kpe ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, ale be eƒe xɔse de blibo to nu si wòwɔ la me." data/train/JAS/JAS_005_Verse_016.mp3,"Mikpɔ ɖa, dɔwɔla siwo ŋlɔ miaƒe agblewo me, eye miegbe fexexe na wo la le avi fam ɖe mia ŋuti. Nenema ke, ame siwo xa nu na mi le agble me la ƒe ɣlidodo va ɖo to me na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ." data/train/JAS/JAS_005_Verse_015.mp3,"Mienɔ xexea me le agbeɖuɖu blibo me, eye mietsɔ mia ɖokuiwo de vivisese geɖe me. Mienyi mia ɖokuiwo heda ami le wuwuŋkeke la lalam." data/train/JAS/JAS_004_Verse_013.mp3,"Nu ka ta? Elabena mienya nu si ava adzɔ etsɔ si gbɔna la gɔ̃ hã o. Nu ka miaƒe agbe nye? Miele abe afu si dona ɣeyiɣi kpui aɖe, eye wògabuna la ene." data/train/JAS/JAS_002_Verse_022.mp3,"Wò bometsila, ɖe nèle kakaɖedzi dim hafi anya be xɔse dɔwɔwɔ manɔmee nye xɔse kukua?" data/train/JAS/JAS_002_Verse_011.mp3,Miaƒe nuƒo kple agbenɔnɔ naɖee fia be wole ʋɔnu drɔ̃ ge mi kple se si naa ablɔɖe. data/train/JAS/JAS_004_Verse_000.mp3,Alo ɖe miesusu be dzodzroe mawunya gblɔ be gbɔgbɔ si wòde mía me la ʋãa ŋu veviea? data/train/JAS/JAS_003_Verse_003.mp3,"elabena afi si ŋuʋaʋã kple ɖokuitɔdidi vivivo le la, afi ma masɔmasɔ kple nu vlo ɖe sia ɖe wɔwɔ nɔna." data/train/JAS/JAS_005_Verse_006.mp3,"Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me na mia nɔewo, eye miado gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta be miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa nu sẽna, eye wòwɔa dɔ." data/train/JAS/JAS_002_Verse_007.mp3,"Èxɔe se be Mawu ɖeka koe li. Enyo, gake gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔe se nenema, eye wodzona nyanyanya kple vɔvɔ̃." data/train/JAS/JAS_001_Verse_004.mp3,elabena mienyae bena miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ hea dzidodo vanɛ. data/train/JAS/JAS_002_Verse_014.mp3,"Ne mia dometɔ aɖe agblɔ nɛ be, “Heyi le ŋutifafa me, naƒu dzo, eye nàɖi ƒo nyuie,” evɔ mehewɔ naneke le eƒe ŋutilãmehiahiãwo ŋuti o la, viɖe kae wònye?" data/train/JAS/JAS_005_Verse_001.mp3,"Alea ke wòle be miawo hã miagbɔ dzi ɖi, eye mianɔ tsitre sesĩe elabena Aƒetɔ la ƒe vava ɖo vɔ." data/train/JAS/JAS_001_Verse_001.mp3,"elabena ame aɖe si se nya la, eye mewɔ ɖe edzi o la ɖi ame aɖe si kpɔ eƒe mo le ahuhɔ̃e me." data/train/JAS/JAS_003_Verse_010.mp3,"Mítsɔ tɔdziʋu gãwo abe kpɔɖeŋu ene. Togbɔ be wololo gãa, eye ya sesẽwo hea wo hã la, kuɖɔ sue aɖe si le ʋua gɔme lae kuɖɔɖola la zãna, tsɔna trɔa tɔdziʋu gã la ƒe mo ɖe afi sia afi si wòdi be tɔdziʋu gã la nayi la." data/train/JAS/JAS_002_Verse_005.mp3,Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ si me nublanuikpɔkpɔ mele o la woatsɔ na ame si mekpɔa nublanui o. Nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi. data/train/JAS/JAS_001_Verse_005.mp3,"Elabena ɣe dzena, eye ɣe la ƒe ŋusẽ nana gbe yrɔna, eye eƒe seƒoƒo duduna, ale wòbua eƒe nyonyo. Nenema ke kesinɔtɔ hã nu ava yi esime wòɖo eƒe agbe ƒe viviƒe." data/train/JAS/JAS_001_Verse_023.mp3,Nɔvi si mele nɔƒe kɔkɔ aɖeke o la neƒo adegbe be wodo ye ɖe dzi. data/train/JAS/JAS_005_Verse_010.mp3,"kakaɖedzi nenɔ mia si be ame sia ame si na nu vɔ̃ wɔla trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi la aɖe vɔ̃wɔla la tso ku me, eye woatsɔ eƒe nu vɔ̃ gbogboawo akee." data/train/JAS/JAS_005_Verse_013.mp3,"Miaƒe sika kple klosalowo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle sia nye ɖaseɖiɖi si tsi tsitre ɖe mia ŋu hele miaƒe ŋutilã ɖum abe dzo ene. Mieha kesinɔnuwo dzra ɖo fũu le ŋkeke mamlɛawo me." data/train/JAS/JAS_003_Verse_009.mp3,"Míetsɔa míaƒe aɖe kafua míaƒe Aƒetɔ kple Fofo la, eye míegatsɔa aɖe ma ke ƒoa fi dea amegbetɔ si wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me." data/train/JAS/JAS_002_Verse_008.mp3,"Ke ame aɖe agblɔ dzideƒotɔe be, “Wò la, xɔse le asiwò, ke nye la, dɔwɔwɔwo le asinye.” Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam, eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo mewɔna la me." data/train/JAS/JAS_003_Verse_000.mp3,Ame kae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome? Neɖee fia to agbe nyui nɔnɔ kple dɔ siwo wòwɔ le ɖokuibɔbɔ si tsoa nunya me la me. data/train/JAS/JAS_003_Verse_007.mp3,"Ke ne míaƒe dzi yɔ fũu kple ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi kple ɖokuitɔdidi la, esia meganye adegbe míanɔ ƒoƒom alo agbe nyateƒe la o." data/train/JAS/JAS_004_Verse_011.mp3,"Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe, eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi, nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzi eve me susulawo la, miklɔ miaƒe dziwo me." data/train/JAS/JAS_003_Verse_008.mp3,"Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛe, eye wòlɔ̃a tomefafa. Efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o, eye wòwɔa nu si le eteƒe." data/train/JAS/JAS_005_Verse_012.mp3,"Miaƒe kesinɔnuwo nyunyɔ, eye agbagblaʋui ɖu miaƒe avɔ nyuiwo keŋkeŋ." data/train/JAS/JAS_001_Verse_019.mp3,"Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o." data/train/JAS/JAS_003_Verse_006.mp3,"Kafukafu kple fiƒode dona tso ame ƒe nu ɖeka ma ke me. Ke nɔvinyewo, le nyateƒe me la, mele be wòanɔ alea o." data/train/JAS/JAS_001_Verse_012.mp3,"Ke ame si si kesinɔnuwo le la neƒo adegbe be yemenye naneke o, elabena enu ava yi abe seƒoƒo si le gbedzi la ene." data/train/JAS/JAS_003_Verse_017.mp3,"Ŋutifafame siwo ƒãa ŋutifafa la, xaa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse." data/train/JAS/JAS_001_Verse_015.mp3,"Miganye nya la selawo ko, ahanɔ mia ɖokuiwo blem o, ke boŋ miwɔ ɖe nu si nya la gblɔ la dzi," data/train/JAS/JAS_002_Verse_017.mp3,"Nenema ke, ɖe womebu Rahab gbolo la gɔ̃ hã be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ, esi wòɣla ŋkutsala siwo dze egbɔ, eye wòna woto mɔ bubu dzo oa?" data/train/JAS/JAS_002_Verse_018.mp3,"Nenema kee nye xɔse ŋutɔ hã. Ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku." data/train/JAS/JAS_002_Verse_015.mp3,"Ne mielé sedede si le mawunya me, esi gblɔ be, “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene” ɖe asi la, miele nu dzɔdzɔetɔ wɔm." data/train/JAS/JAS_004_Verse_002.mp3,"Eya ta mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu te. Mitsi tsitre sesĩe ɖe Abosam ŋuti, ekema asi le mia nu." data/train/JAS/JAS_001_Verse_018.mp3,"Ne wote ame aɖe kpɔ la, megagblɔ be, “Mawu le teyem kpɔ o,” elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖi ate Mawu kpɔ alo eya ŋutɔ hã nate ame aɖeke kpɔ o." data/train/JAS/JAS_001_Verse_009.mp3,"Eya ta miɖe ŋutilãmeɖiƒoƒowo katã ɖi kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si bɔ ɖe mia dome la ɖi, eye miatsɔ ɖokuibɔbɔ axɔ nya si wodo ɖe mia me, esi si ŋusẽ le be wòaɖe miaƒe luʋɔwo." data/train/JAS/JAS_004_Verse_005.mp3,"Ke ena amenuveve geɖe mí. Esia ta mawunya gblɔ be, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.”" data/train/JAS/JAS_004_Verse_004.mp3,"Ke boŋ migblɔ be, “Nenye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu la, míanɔ agbe, eye míawɔ nu si kple ekemɛ.”" data/train/JAS/JAS_005_Verse_000.mp3,"Abe ale si wòle nyanya me na mi ene la, míebua ame siwo do dzi le xaxawo me la be wonye yayramewo. Miese Hiob ƒe dzidodo le fukpekpe me ƒe nyawo, eye mienya ale si Aƒetɔ la wɔ nɛ le nuwuwu. Aƒetɔ la nye dɔmenyotɔ kple nublanuikpɔla gã aɖe." data/train/JAS/JAS_002_Verse_006.mp3,"Esia wɔ ɖe mawunya si gblɔ be, “Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ” la dzi, eye woyɔe be Mawu xɔlɔ̃." data/train/JAS/JAS_002_Verse_012.mp3,"Mítsɔe be ame aɖe va míaƒe ƒuƒoƒe, eye wòde sikasigɛ nyuitɔ, heta avɔ xɔasi, eye ame dahe si do awu vuvu hã ge ɖe sɔlemexɔa me." data/train/JAS/JAS_001_Verse_026.mp3,"Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛe, eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxawo me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o." data/train/JAS/JAS_002_Verse_021.mp3,"Nɔvinye lɔlɔ̃awo, viɖe ka wòanye ne ame aɖe gblɔ be xɔse le ye si, evɔ la, dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o? Ɖe xɔse sia tɔgbi ate ŋu aɖeea?" data/train/JAS/JAS_004_Verse_015.mp3,"Nɔviwo, migagblẽ mia nɔewo ŋu o, ame si gblẽ nɔvia ŋu alo drɔ̃ ʋɔnui la tsi tsitre ɖe se la ŋu hedrɔ̃ ʋɔnui. Ne èdrɔ̃ ʋɔnu se la la, mèle edzi wɔm o, ke boŋ ènɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi hele ʋɔnu drɔ̃m se la." data/train/JAS/JAS_003_Verse_013.mp3,"“Nunya” sia tɔgbi metso dziƒo o, ke boŋ etso anyigba dzi afi sia, eye wònye nu si tso Abosam gbɔ, eye eŋuti mekɔ o," data/train/JAS/JAS_001_Verse_014.mp3,"Ke esi wòdzo le ahuhɔ̃ea gbɔ la, megaɖo ŋku ale si eƒe dzedzeme le la dzi o." data/train/JAS/JAS_001_Verse_017.mp3,"Ne ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, ame si naa nu ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ, eye Mawu anae fɔbubumanɔmee." data/train/JAS/JAS_002_Verse_026.mp3,"Ɖe womebu mía tɔgbui Abraham be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ, esi wòtsɔ via Isak be yeasa vɔe na Mawu oa?" data/train/SNG/SNG_008_Verse_006.mp3,"Nenye glie wònye la, míatsɔ klosalo atu xɔ tsrala ɖe edzi. Nenye agboe wònye la, míatsɔ sedaʋuƒowo aklã ɖe eŋuti godoo." data/train/SNG/SNG_007_Verse_008.mp3,"Wò agbɔgbɔnu sɔ tebee abe wainkplu si me wain si wotɔtɔ la mevɔna le o la ene. Wò alime keke abe bli si woli kɔe, eye dzogbenya ɖe to ɖee la ene." data/train/SNG/SNG_005_Verse_011.mp3,"Nye lɔlɔ̃tɔ do asi ɖe fesre nu, nye dzi tso tititi ɖe eŋu." data/train/SNG/SNG_008_Verse_003.mp3,"Lém ɖe wò dzi kple wò abɔ ŋuti abe nutrenu ene. Elabena lɔlɔ̃ sesẽ wu ku, eye ŋuʋaʋã gbea tanana abe yɔdo ene. Ebina abe dzo ene, eye wòflana abe Yehowa ƒe dzo ene." data/train/SNG/SNG_004_Verse_012.mp3,"Wò kɔ le abe David ƒe xɔ tsrala si le dzedze tɔxɛ me, eye wotsɔ kalẽtɔ akpe nanewo ƒe akpoxɔnu ku ɖe eŋuti la ene." data/train/SNG/SNG_004_Verse_007.mp3,"Nye ŋugbetɔ, va mídzo le Lebanon, kplɔm ɖo ne míado go le Lebanon. Ɖiɖi tso Amana tame, tso Senir kple Hermon tame, tso dzatawo ƒe do me kple lãkletowo dzi." data/train/SNG/SNG_003_Verse_008.mp3,"Mi Zion vinyɔnuwo, mido go va kpɔ Fia Solomo si ɖɔ fiakuku, kuku si dadaa ɖɔ nɛ le eƒe srɔ̃ɖegbe, gbe si gbe eƒe dzi kpɔ dzidzɔ vevie la ɖa." data/train/SNG/SNG_003_Verse_005.mp3,"Kpɔ ɖa, Solomo ƒe tasiaɖam ye! Kalẽtɔ blaade siwo nye aʋakalẽtɔ akuakuawo tso Israel ƒe aʋakɔwo dome la le eŋu dzɔm." data/train/SNG/SNG_001_Verse_011.mp3,"Nye lɔlɔ̃tɔ, metsɔ wò sɔ kple sɔnɔ si wotsi ɖe Farao ƒe tasiaɖam ɖeka ŋuti." data/train/SNG/SNG_004_Verse_008.mp3,"Nye ŋugbetɔ, wò nuyiwo le vivim abe anyitsito ene, eye notsi kple anyitsi le wò aɖe te. Awu siwo nèdo la le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ abe Lebanon ƒe ʋeʋẽ ene." data/train/SNG/SNG_005_Verse_013.mp3,"O Yerusalem vinyɔnuwo, meta mi; ne miekpɔ nye lɔlɔ̃tɔ la, nya kae miagblɔ nɛ? Migblɔ nɛ be lɔlɔ̃ de dɔ lãme nam." data/train/SNG/SNG_002_Verse_008.mp3,"Milé abeiwo nam, abeivi siwo le wainkawo gblẽm, eye wole míaƒe wainka siwo ƒo se la gblẽm." data/train/SNG/SNG_006_Verse_002.mp3,"gake nye ahɔnɛ si de blibo si le tɔxɛ, dadaa ƒe vinyɔnu ɖeka hɔ̃ɔ lae nye ame si nye dzila ƒe malɔ̃nulegbɔa. Ɖetugbiawo kpɔe, eye woyɔe be yayratɔ; fiasrɔ̃wo kple ahiãviawo hã kafui." data/train/SNG/SNG_006_Verse_009.mp3,"Trɔ va, trɔ va, O Sulamitɔ trɔ va, trɔ va, be míalé ŋku ɖe ŋuwò sẽe! Nu ka ta miebe míalé ŋku ɖe Sulamitɔ ŋu abe ale si miewɔna ne wole Mahanaim ɣe ɖum la ene?" data/train/SNG/SNG_005_Verse_014.mp3,"Vivi le eƒe nu me gɔ̃ hã, eye eya amea dzeani ŋutɔ. O Yerusalem vinyɔnuwo, esiae nye nye lɔlɔ̃tɔ, esiae nye xɔ̃nye.”" data/train/SNG/SNG_001_Verse_009.mp3,Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe henaseƒoƒo si wogbe hebla tso En Gedi waingble me ene. data/train/SNG/SNG_001_Verse_004.mp3,"Mègate ŋku nɔ kpɔyem, elabena menyo o; nyae be ɣee ɖum menyɔ alea. Danyevi ŋutsuwo do dɔmedzoe ɖe ŋunye, eye wona mekpɔ woƒe waingblewo dzi, ke megblẽ nye ŋutɔ nye waingble ya ɖi." data/train/SNG/SNG_006_Verse_001.mp3,"Fiasrɔ̃wo le blaade, ahiãviwo le blaenyi, hekpe ɖe ɖetugbi dzadzɛ siwo mele xexlẽme o la ŋuti;" data/train/SNG/SNG_004_Verse_009.mp3,"Nyɔ, anyieheya, ne nàva; dzieheya, wò hã va! Ƒo to nye abɔ me, be eƒe ʋeʋẽ nakaka ɖe yame. Na be nye lɔlɔ̃tɔ nava eƒe abɔ me, eye wòaɖɔ eƒe kutsetse nyuitɔwo kpɔ." data/train/SNG/SNG_001_Verse_016.mp3,Wò ami ʋeʋĩ si nèsi la le ʋeʋẽm ɖem nyuie; wò ŋkɔ le abe ami si wowu la ene. Mewɔ nuku be ɖetugbiwo lɔ̃ wò nenema gbegbe o! data/train/SNG/SNG_002_Verse_010.mp3,"Nye lɔlɔ̃tɔ le abe sãde alo zivi ene. Kpɔ ɖa, eyae nye ekem le tsitre ɖe míaƒe kpɔ godo, le nu kpɔm to fesre nu, eye wòdo ŋku ɖa to fesrenuvɔ me." data/train/SNG/SNG_008_Verse_010.mp3,"Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ ƒe dzo o, eye tɔsisi aɖeke mate ŋu akplɔe dzoe o. Ne ame aɖe atsɔ eƒe aƒemekesinɔnuwo katã ana ɖe lɔlɔ̃ ta la, anye alɔmeɖenu wòawɔ." data/train/SNG/SNG_004_Verse_006.mp3,"Nye ŋugbetɔ, nɔvinye nyɔnu, èle abe abɔ si ƒe ʋɔ wotu la ene. Eye nèle abe vudo si nu wotu nu ɖo kple tsitsetse si nu wotre la ene." data/train/SNG/SNG_006_Verse_000.mp3,"Ame kae nye esi le dzedzem abe agudzedze ene, nyo abe ɣleti ene, le keklẽm abe ɣe ene, eye wòle zɔzɔm fiatɔe abe ɣletiviwoe le asaɖa bɔm ene?" data/train/SNG/SNG_007_Verse_006.mp3,"Na míafɔ kaba ayi waingblewo me, akpɔe ɖa be wainkawo te tsetse, woƒe seƒoƒowo ke, eye gbotiwo hã le tsetsem mahã; le afi ma matsɔ nye lɔlɔ̃ na wò." data/train/SNG/SNG_002_Verse_017.mp3,"Yerusalem nyɔnuviwo, meta sãde kple zinɔ le gbe me be, “Migaʋuʋu lɔlɔ̃ alo anyɔe o, va se ɖe esime eya ŋutɔ lɔ̃ hafi.”" data/train/SNG/SNG_001_Verse_006.mp3,"Míaƒe xɔ ƒe daɖedziwo nye sedatiwo, eye míaƒe xɔ ƒe dzisasãwo nye vɔvɔli." data/train/SNG/SNG_005_Verse_015.mp3,"Wò, tugbefia, aleke wò lɔlɔ̃tɔ nyo wu lɔlɔ̃tɔ bubuawoe? Nu ka wò lɔlɔ̃tɔ tsɔ ƒo bubuawo tae hafi nèta nu na mí alea?" data/train/SNG/SNG_001_Verse_017.mp3,"Wò, tugbewo ƒe fia, ne mènyae o la, do afɔ na alẽhawo, eye nànyi wò gbɔ̃viwo le lãkplɔlawo ƒe agbadɔwo gbɔ." data/train/SNG/SNG_001_Verse_014.mp3,"Togɛ si nède la wɔe be wò alɔgo nya kpɔ nyuie, eye kɔga siwo nède la hã dze wò." data/train/SNG/SNG_005_Verse_010.mp3,"Meʋu ʋɔ na nye lɔlɔ̃tɔ, gake nye lɔlɔ̃tɔ dzo; megale ʋɔa godo o. Esi wòdzo la, nye dzi ge ɖe dɔ me nam. Metsa dii, gake nyemekpɔe o. Meyɔe, gake metɔ o." data/train/SNG/SNG_005_Verse_002.mp3,"Eƒe alɔgowo le abe kutsetse ʋeʋĩ si ɖo ɖe ɖoɖo nu, eye wòle ya ɖem nyuie la ene. Eƒe nuyiwo le abe dzogbenya si le ami ʋeʋĩ tsyɔm la ene." data/train/SNG/SNG_002_Verse_016.mp3,"Seƒoƒo ke ɖe anyigba dzi, hadzidzi ƒe ɣeyiɣi ɖo, eye wose akpakpawo ƒe xɔxlɔ̃ le míaƒe anyigba dzi." data/train/SNG/SNG_002_Verse_014.mp3,"Nye lɔlɔ̃tɔ, ɖo to afii! Kpɔ ɖa, nye lɔlɔ̃tɔe nye ekem gbɔna, le kpo tim flɔ towo, eye wòle kpo dzom le togbɛwo tame." data/train/SNG/SNG_001_Verse_012.mp3,"O! Yerusalem vinyɔnuwo, ame yie menye, ke menyo abe Kedar ƒe agbadɔwo kple Solomo ƒe agbadɔ ƒe mɔnuvɔwo ene." data/train/SNG/SNG_004_Verse_001.mp3,"gbe ʋeʋĩwo, agumetaku, sabala, sinamon kple atike ʋeʋĩ vovovowo kpe ɖe lifi, aloe kple nu ʋeʋĩ nyuitɔwo ŋu." data/train/SNG/SNG_001_Verse_008.mp3,"Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze ɖeka ŋutɔ! O, aleke nèhedze ɖekae nye esi! Míaƒe aba de ama nyuie." data/train/SNG/SNG_007_Verse_002.mp3,eye wò nu me nenye wain nyuitɔ. Wain la neto nye lɔlɔ̃tɔ ƒe nu me kple eƒe aɖutame wɔlii. data/train/SNG/SNG_005_Verse_003.mp3,"Eƒe ta nye sika nyuitɔ, eƒe taɖa le mlɔmlɔmlɔ, eye wònyɔ abe akpaviã ƒe fu ene." data/train/SNG/SNG_003_Verse_000.mp3,Ame kae nye esi gbɔna tso gbegbe abe dzudzɔ babla si wotɔtɔ kple lifi kple atike ʋeʋĩ si wowɔ kple nu vovovo siwo woƒle le asitsalawo si la ene? data/train/SNG/SNG_008_Verse_005.mp3,"Menye gli, eye nye nowo le abe xɔ tsralawo ene. Ale mele eƒe ŋkume abe ame si tsɔ dzidzeme vɛ la ene." data/train/SNG/SNG_004_Verse_016.mp3,"Wò nuyiwo le abe ɖablanu dzĩ ene, eye wò nu nya kpɔna ŋutɔ. Wò tonuƒuiwo le dzedzem le wò moxevɔ me abe atɔtɔ si me woma ɖe eve la ene." data/train/SNG/SNG_002_Verse_011.mp3,"Nye lɔlɔ̃tɔ nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ, eya ame si le tsa ɖim le dzogbenyawo dome." data/train/SNG/SNG_002_Verse_007.mp3,"Kpɔ ɖa, vuvɔŋɔli nu va yi, tsidzadza ke, eye enu va yi." data/train/SNG/SNG_006_Verse_011.mp3,"Wò aɖuwo fu abe alẽha siwo tso tsileƒe ene. Wo katã wole zɔzɔm eveve, eye ɖeke metsi akogo o." data/train/SNG/SNG_002_Verse_009.mp3,"Nye ahɔnɛ le agakpewo tome, le towo ƒe bebeƒewo, do wò mo ɖa, eye na mase wò gbe, elabena wò gbe vivina, eye wò mo nya kpɔna." data/train/SNG/SNG_008_Verse_001.mp3,"Eƒe miabɔ le nye ta te, eye wòtsɔ eƒe ɖusibɔ kpla kɔ nam." data/train/SNG/SNG_006_Verse_012.mp3,Wò tonuƒui le dzedzem le moxevɔ me abe atɔtɔ si woma ɖe eve la ene. data/train/SNG/SNG_003_Verse_010.mp3,"Wo katã wota yi ɖe aklito, wobi ɖe aʋawɔwɔ me, woƒe asiwo le woƒe yiwo dzi, eye wole klalo na zãmeŋɔdzi ɖe sia ɖe." data/train/SNG/SNG_007_Verse_012.mp3,Wò nowo le abe sãdevi eve siwo nye zi ƒe evenɔviwo la ene. data/train/SNG/SNG_002_Verse_003.mp3,"Etsɔ eƒe miabɔ de nye ta te, eye wòtsɔ eƒe ɖusibɔ kpla kɔ nam." data/train/SNG/SNG_001_Verse_005.mp3,"Míawɔ sikatogɛwo na wò, eye woawɔ klosalokpɛviwo ɖe ete." data/train/SNG/SNG_002_Verse_005.mp3,"Gbotiwo de asi tsetse me xoxo, eye wainkawo ƒe seƒoƒo le ya ɖem nyuie. Tso va, nye dzi lɔlɔ̃a; nye tugbefia, va dze yonyeme.”" data/train/SNG/SNG_003_Verse_006.mp3,"Matso azɔ ayi aɖadii le dua me, le ablɔwo dzi kple kpɔdomewo. Matsa adi ame si nye dzi lɔ̃na la, ale medii ʋuu keke, gake nyemekpɔe o." data/train/SNG/SNG_002_Verse_013.mp3,"Nye lɔlɔ̃tɔ ƒo nu kplim be, “Nye dzi lɔlɔ̃a, tsi tsitre, eye nye tugbefia, va dze yonyeme." data/train/SNG/SNG_008_Verse_013.mp3,"Yerusalem vinyɔnuwo, meta mi: migaʋuʋu alo mianyɔ lɔlɔ̃ o, va se ɖe esi eya ŋutɔ nalɔ̃ hafi." data/train/SNG/SNG_004_Verse_005.mp3,"Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo! O, èdze tugbe ŋutɔ! Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛ ƒe ŋkuwo ene le wò moxevɔ la me. Wò taɖa le abe gbɔ̃ha siwo le ɖiɖim tso Gilead to dzi la ene." data/train/SNG/SNG_006_Verse_006.mp3,"Nye dzi lɔlɔ̃a, èdze tugbe abe Tirza ene, ènya kpɔ abe Yerusalem ene, eye fianyenye le ŋutiwò abe asrafoha siwo lé aflaga ɖe asi ene." data/train/SNG/SNG_007_Verse_013.mp3,"Wò ta le tegblẽe abe Karmel to ene, eye wò taɖa le abe fia ƒe avɔ si wotsɔ ka vovovowo lɔ̃e la ene. Eƒe dzedzeme ɖe aboyo fia la." data/train/SNG/SNG_008_Verse_012.mp3,"Wò ame si le abɔwo me, eye xɔlɔ̃wo ƒo xlã wò, na mase wò gbe!" data/train/SNG/SNG_003_Verse_011.mp3,"Yerusalem nyɔnuviwo, meta sãde kple zinɔ le gbe me na mi be, “Migaʋuʋu lɔlɔ̃ alo anyɔe o, va se ɖe esime eya ŋutɔ nalɔ̃ hafi.”" data/train/SNG/SNG_007_Verse_011.mp3,"Wò kɔkɔme le abe deti ene, eye wò nowo le toɖoe abe atikutsetse siwo le kpo ŋuti la ene." data/train/SNG/SNG_001_Verse_007.mp3,"Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo! O, aleke nènya le kpɔkpɔm ale! Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛtɔwo ene." data/train/SNG/SNG_002_Verse_012.mp3,"Nye lɔlɔ̃tɔ, trɔ gbɔ hafi ŋu nake, viviti nasi dzo, eye nànɔ abe sãde alo zivi le togbɛ tsakliwo dzi ene." data/train/SNG/SNG_008_Verse_004.mp3,"Makplɔ wò adzoe, ayi ɖe danye, ame si fia num la ƒe aƒe me. Mana wain si me wode atike ʋeʋĩi kple atɔtɔŋutitsi la wò nàno." data/train/SNG/SNG_004_Verse_011.mp3,"Wò aɖuwo fu tititi abe alẽha siwo woko fu na teti, eye wole tsi na wo la ene. Ɖe sia ɖe le zɔzɔm eveve, eye ɖeke metsi akogo o." data/train/SNG/SNG_002_Verse_004.mp3,"Etsɔ waintsetsebolo do ŋusẽm kple aplu fa dzi nam, elabena lɔlɔ̃ na meku ƒenyi." data/train/SNG/SNG_004_Verse_010.mp3,"Nɔvinye nyɔnu, nye ŋugbetɔ, wò lɔlɔ̃ vivina loo! Wò lɔlɔ̃ vivina wu wain, eye ami ʋeʋĩ si nèsi la ƒe ʋeʋẽ ƒo atike ʋeʋĩwo katã ta!" data/train/SNG/SNG_006_Verse_005.mp3,"Meyi ɖe azitiwo te, ne makpɔ gbe fɛ̃ siwo le balime, ne makpɔe ɖa be wainkawo te tsetse alo yevuzitiwo ƒo se mahã." data/train/SNG/SNG_007_Verse_004.mp3,"Megblɔ be, “Made deti la dzi, eye malé eƒe tsetsea ɖe asi.” Wò nowo nenɔ abe wainkpo siwo le wainka ŋu la ene, wò gbɔgbɔ naʋẽ lĩlĩlĩ abe aplu ene," data/train/SNG/SNG_001_Verse_015.mp3,"Tsɔ wò nu gbugbɔ nu nam, elabena wò lɔlɔ̃ doa dzidzɔ nam wu wain." data/train/SNG/SNG_006_Verse_003.mp3,"Hafi mava nya la, nye didi kplɔm yi ɖe nye dukɔ ƒe fia ƒe tasiaɖamwo dome." data/train/SNG/SNG_006_Verse_007.mp3,"Nye lɔlɔ̃tɔ nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ; ele tsa ɖim le dzogbenyawo dome." data/train/SNG/SNG_004_Verse_013.mp3,Wò nowo le abe sãdevi eve ene alo abe sãde ƒe evenɔvi siwo le gbe ɖum le dzogbenyawo me ene. data/train/SNG/SNG_005_Verse_004.mp3,"Eƒe ŋkuwo le abe ahɔnɛ siwo le tɔʋuwo to la tɔwo ene, woklɔ wo kple notsi, eye wosɔ ɖe ŋkutome nɛ abe dzonu ene." data/train/SNG/SNG_007_Verse_001.mp3,"Èdze tugbe ŋutɔ, eye wò nu hã nyoa ame ŋu. O lɔlɔ̃, wò nuwɔna ɖe sia ɖe doa dzidzɔ na nye dzi!" data/train/SNG/SNG_005_Verse_009.mp3,Meɖe nye awuwo ɖi; ɖe magatsɔ wo adoa? Meklɔ nye afɔwo; ɖe magaƒo ɖi woa? data/train/SNG/SNG_007_Verse_005.mp3,"Menye nye lɔlɔ̃tɔ tɔ, eye eya hã ƒe dzi le yonyeme." data/train/SNG/SNG_005_Verse_012.mp3,"Nye lɔlɔ̃tɔ le keklẽm, eye wòbiã, ale wòƒo ame akpe ewo ta." data/train/SNG/SNG_003_Verse_001.mp3,"Esi mele tsatsam le dua me le edim la, medo go zãdzɔlawo, eye mebia wo be, “Miekpɔ ame si nye dzi lɔ̃na la mahã?”" data/train/SNG/SNG_004_Verse_003.mp3,"Mayi lifitowo kple dzudzɔdonu ʋeʋĩ togbɛwo dzi va se ɖe esime ŋu nake, eye viviti nasi adzo." data/train/SNG/SNG_001_Verse_003.mp3,"Kplɔm ɖe asi, na míaɖe abla! Fia la nekplɔm yi eƒe xɔ mee. Míatso aseye, akpɔ dzidzɔ ɖe ŋutiwò, eye míakafu wò lɔlɔ̃ wu wain. Ele eteƒe be wole lɔ̃wòm alea!" data/train/SNG/SNG_001_Verse_000.mp3,"Esi fia la le nuɖukplɔ̃ ŋu la, nye ami ʋeʋĩe le ya ɖem." data/train/SNG/SNG_007_Verse_000.mp3,"Adrikewo le ya ɖem nyuie, eye atikutsetse vivi vovovowo le míaƒe ʋɔtru nu, eye medzra yeyeawo kple xoxoawo siaa ɖo na wò, nye lɔlɔ̃tɔ." data/train/SNG/SNG_001_Verse_001.mp3,"Gblɔe nam, wò ame si melɔ̃na, afi ka nènyia wò lãhawo le, eye ne ŋdɔ ʋu la, afi ka nènana wotsyɔa akɔ ɖo? Nu ka ŋuti manɔ abe nyɔnu si tsyɔ nu ŋkume ene le xɔ̃wòwo ƒe lãhawo gbɔ?" data/train/SNG/SNG_004_Verse_004.mp3,"Nye dzi lɔlɔ̃a, nu sia nu de le ŋuwò, eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele ŋuwò o." data/train/SNG/SNG_001_Verse_010.mp3,Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe lifigoe le nye akɔnu ene. data/train/SNG/SNG_008_Verse_000.mp3,"Ame kae nye esi gbɔna tso gbegbe, eye wòziɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃tɔ ŋu? Menyɔ wò le apluti te; afi mae dawò fɔ wò fu le, afi mae ame si le ku lém la dzi wò ɖo." data/train/SNG/SNG_006_Verse_013.mp3,"Ɖe wò ŋku ɖa le ŋunye; wowu gbɔgblɔ nam, wò taɖa le abe gbɔ̃ha siwo ɖi tso Gilead to dzi la ene." data/train/SNG/SNG_005_Verse_006.mp3,"Medɔ alɔ̃, gake nye dzi ya le ŋu. Miɖo to! Nye lɔlɔ̃tɔ le ʋɔ ƒom! “Ʋu ʋɔ nam, nɔvinye nyɔnu, nye dzi lɔlɔ̃a, nye ahɔnɛ kple nye kpɔkpɔmatikɔe. Ahũ ƒo nye ta bekee, eye nye ɖa me yɔ fũu kple zãmu." data/train/SNG/SNG_007_Verse_010.mp3,Wò kɔ le tsralɛ abe nyiɖuxɔ tsrala ene. Wò ŋkuwo le abe Hesbon ƒe tsita si le Bat Rabingbo nu la ene. Wò ŋɔti le abe Lebanon ƒe xɔ tsrala si dze ŋgɔ Damasko la ene. data/train/NUM/NUM_014_Verse_042.mp3,"Ƒe blaene, ƒe ɖeka ɖe ŋkeke ɖeka ɖe sia ɖe si mietsa ŋku le anyigba la dzi nu, miakpe fu ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye mianya nu si wònye be miana matrɔ le mia yome.’" data/train/NUM/NUM_035_Verse_025.mp3,"Ne wotso nya me be nyadzɔɖeamedzi koe la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo axɔ na hlɔ̃dola la tso hlɔ̃biala la ƒe asi me. Woaɖe mɔ na hlɔ̃dola la wòanɔ Sitsoƒedu la me, eye wòanɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã la naku." data/train/NUM/NUM_029_Verse_032.mp3,Mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe vɔsawo ŋu. data/train/NUM/NUM_005_Verse_023.mp3,"Nunɔla la ana nyɔnu la nano tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la, tsi sia age ɖe eƒe lãme, eye wòana fukpekpe kple vevesese nava eya amea dzi." data/train/NUM/NUM_012_Verse_004.mp3,"Esi lilikpo dodo la ho tso agbadɔ la tame la, anyidɔ ƒo ɖe Miriam ŋuti, eye eƒe ŋuti katã fu kpii abe ɖetifu ene. Aron nye kɔ kpɔe, eye kpɔ ɖa, Miriam dze anyi." data/train/NUM/NUM_031_Verse_007.mp3,"Aʋakplɔla siwo le aʋalɔgowo nu, esiwo le ŋutsu akpewo nu kple esiwo le ŋutsu alafawo nu la yi Mose gbɔ," data/train/NUM/NUM_016_Verse_006.mp3,"Ame sia ame natsɔ dzudzɔdosonu ɖe asi, akɔ dzudzɔdonu ɖe wo me. Wo katã ƒe xexlẽme nanye alafa eve blaatɔ̃ (250), eye miatsɔ wo va Yehowa ŋkume. Wò kple Aron hã, miatsɔ miaƒe dzudzɔdosunuwo ɖe asi vɛ.”" data/train/NUM/NUM_014_Verse_030.mp3,Tete Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi ɖe Israelvi siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma la ƒe ŋkume. data/train/NUM/NUM_012_Verse_001.mp3,"Aron gblɔ na Mose be, “Nye aƒetɔ, meɖe kuku, mègana nu vɔ̃ si míewɔ tamemabumabutɔe la ƒe metsonu nava mía dzi o." data/train/NUM/NUM_029_Verse_040.mp3,"Woatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu." data/train/NUM/NUM_015_Verse_012.mp3,"“ ‘Ke ne ame aɖe nya nyuie hafi da vo aɖe la, nenye Israelvi alo amedzro hã la, ekema edo vlo Yehowa, eya ta ele be woaɖee ɖa le eƒe amewo dome." data/train/NUM/NUM_014_Verse_019.mp3,"Miegblɔ be yewo viwo ava zu kluviwo na anyigba la dzi tɔwo. Le esia teƒe la, makplɔ mia viwo boŋ woaɖo anyigba la dzi dedie, eye woawo anyi nu si miawo miedo vloe la ƒe dome." data/train/NUM/NUM_033_Verse_024.mp3,"Tso afi sia la, woto Ƒu Dzĩ la titina. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woɖo Etam gbedzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Mara." data/train/NUM/NUM_024_Verse_017.mp3,"“Mawu kplɔ wo do goe tso Egipte. Woƒe ŋusẽ le abe to ƒe ŋusẽ ene. Wovuvu dukɔ siwo tso ɖe wo ŋu, eye woŋe woƒe ƒuwo wuliwuli heŋɔ wo kple woƒe aŋutrɔwo." data/train/NUM/NUM_009_Verse_013.mp3,"Ne amedzro aɖe le mia dome, eye wòdi be yeaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la na Yehowa la, ele nɛ be wòawɔ Ŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ. Se ɖeka koe li na ame sia ame.”" data/train/NUM/NUM_016_Verse_018.mp3,"Etsi tsitre ɖe ame kukuawo kple agbagbeawo dome, eye dɔvɔ̃ la nu tso," data/train/NUM/NUM_002_Verse_002.mp3,"ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaadre-vɔ-ene, alafa ade (74,600)." data/train/NUM/NUM_002_Verse_015.mp3,"Aʋawɔla siwo katã le Ruben ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-ɖekɛ, alafa ene blaatɔ̃ (151,450). Woawoe anye hatsotso evelia si akplɔ gbãtɔ ɖo ne Israelviwo ho gayi woƒe mɔzɔzɔ dzi." data/train/NUM/NUM_003_Verse_001.mp3,"Ale Mose xlẽ Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔwo abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene," data/train/NUM/NUM_028_Verse_017.mp3,"Ne miedi be yewoasa dzovɔ nam la, miwɔ alẽvi siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la ŋu dɔ. Woatsɔ alẽvi eve asa vɔe nam gbe sia gbe." data/train/NUM/NUM_010_Verse_028.mp3,"To si kplɔ wo ɖo lae nye Gad ƒe to la. Woƒe kplɔlae nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu." data/train/NUM/NUM_001_Verse_028.mp3,"Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Manase ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu." data/train/NUM/NUM_027_Verse_004.mp3,"“Gawu la, gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ame aɖe ku, eye viŋutsu aɖeke menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi via nyɔnuwo ƒe asi me." data/train/NUM/NUM_027_Verse_022.mp3,Ɖe wò amekpɔkplɔ ƒe ŋusẽ da ɖe edzi ale be Israelviwo katã naɖo toe. data/train/NUM/NUM_004_Verse_020.mp3,“Gerson viwo ƒe dɔdeasie nye be woakɔ: data/train/NUM/NUM_022_Verse_030.mp3,"Mawudɔla la bia Balaam be, “Nu ka ta nèƒo wò tedzi la zi etɔ̃? Meva be mana màgawɔ nu si nèdi be yeawɔ o, elabena èɖo ta tsɔtsrɔ̃ me." data/train/NUM/NUM_016_Verse_035.mp3,"Mose gblɔ na Korah be, “Miva afi sia etsɔ, wò kple yowòmedzelawo katã, eye miado ɖe Yehowa ŋkume; Aron hã anɔ afi sia." data/train/NUM/NUM_035_Verse_009.mp3,"elabena ɖe wòle be hlɔ̃dola la nanɔ sitsoƒedu la me va se ɖe esime nunɔlagã la naku hafi. Ke le nunɔlagã la ƒe ku megbe la, hlɔ̃dola la ate ŋu atrɔ ayi wo de." data/train/NUM/NUM_020_Verse_010.mp3,"Israelviwo ƒe ame dɔdɔwo yi edzi be, “Fia bubutɔ, mɔ gã la dzi ko míanɔ. Ne míano tsi tso miaƒe vudo me gɔ̃ hã la, míaxe fe ɖe sia ɖe si nàbia la ɖe eta. Ale si míatso eme ayi ko biam míele; míegale nu bubu aɖeke biam o.”" data/train/NUM/NUM_028_Verse_001.mp3,"Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka hã asa nu vɔ̃ ŋuti vɔe, ale be mialé avu ɖe mia ɖokuiwo ta." data/train/NUM/NUM_025_Verse_000.mp3,Ale Mose ɖe gbe na Israel ʋɔnudrɔ̃lawo be woawu ame siwo katã subɔ Baal Peor. data/train/NUM/NUM_026_Verse_027.mp3,"eye Eliab ƒe viwoe nye Nemuel, Datan kple Abiram. Ame eve siawo, Datan kple Abiram woe nye ame siwo wɔ ɖeka kple Korah ɖe Mose kple Aron ŋu, to esia me wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu." data/train/NUM/NUM_016_Verse_022.mp3,eye Yehowa gblɔ na Mose be. data/train/NUM/NUM_031_Verse_023.mp3,Miɖo ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me ɖe aʋa la.” data/train/NUM/NUM_005_Verse_013.mp3,"Ke ne èda afɔ esime nèle srɔ̃wò gbɔ, nègblẽ kɔ ɖo, eye ŋutsu bubu, ame si menye srɔ̃wò o la de asi ŋuwò la,”" data/train/NUM/NUM_029_Verse_028.mp3,"Miatsɔ nu siawo akpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsa la ŋu ale: wɔ memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami la nakpe ɖe nyitsuvi wuietɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu; wɔ memee lita ene kple afã nakpe ɖe agbo eveawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu," data/train/NUM/NUM_018_Verse_018.mp3,"Nuɖuvɔsawo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo kple fɔɖivɔsawo nye mia tɔ. Nu siwo wotsɔ vɛ abe kpɔɖeŋu ene be woame na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi koe menye mia tɔ o. Nu siawo katã nye nunana kɔkɔewo." data/train/NUM/NUM_021_Verse_032.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia le Hesbon ene.”" data/train/NUM/NUM_020_Verse_000.mp3,Ale Mose wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ. Wo ame etɔ̃ la wolia Hor to la esi ameawo katã nɔ wo kpɔm. data/train/NUM/NUM_033_Verse_014.mp3,"Israelviwo dze mɔ le Rameses le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe si nye Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke evelia. Wozɔ dzideƒotɔe dzo le Egiptetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu," data/train/NUM/NUM_017_Verse_011.mp3,"Tsɔ atikplɔ siawo da ɖe agbadɔ la ƒe xɔ emetɔ me, afi si medoa go wò le, le nubablaɖaka la ŋgɔ." data/train/NUM/NUM_006_Verse_026.mp3,"“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe di be yeaɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe hekɔ eɖokui ŋu na Yehowa abe Nazaritɔ ene la," data/train/NUM/NUM_026_Verse_017.mp3,"Benyamin ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Bela, ame si dzi Bela hlɔ̃ la, Asbel, ame si dzi Asbel hlɔ̃ la, Ahiram, ame si dzi Ahiram hlɔ̃ la," data/train/NUM/NUM_033_Verse_049.mp3,"Wodzo le Sukɔt, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Etam, le gbegbe la to." data/train/NUM/NUM_021_Verse_012.mp3,"Eya ta woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Aʋawɔwɔwo ƒe Agbalẽ la me be, Zahad le Sufa kple Arnon tɔsisi la," data/train/NUM/NUM_027_Verse_012.mp3,"Mose zɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo nu, eye wòkplɔ Yosua yi nunɔla Eleazar gbɔ. Le ha blibo la ŋkume la," data/train/NUM/NUM_008_Verse_015.mp3,"“Ne èkɔ wo ŋuti, eye nètsɔ wo nam le mɔ sia nu vɔ la, woate ŋu age ɖe agbadɔ la me hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ." data/train/NUM/NUM_001_Verse_052.mp3,"“Ɖe Levi ƒe viwo katã ɖa le amexexlẽ sia me, eye mègabu wo kpe ɖe Israelvi bubuwo ƒe xexlẽme ŋu o," data/train/NUM/NUM_023_Verse_004.mp3,"Balaam gagblɔ na Balak be wòatu vɔsamlekpui adre, eye wòatsɔ nyitsuvi adre kple agbo adre asa vɔe." data/train/NUM/NUM_007_Verse_195.mp3,"Le ŋkeke atɔ̃a gbe la, Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, Simeon ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ." data/train/NUM/NUM_036_Verse_009.mp3,"Wogblɔ be, “Esime Yehowa ɖe gbe na nye aƒetɔ be wòadzidze nu, ama anyigba la na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene la, egblɔ na wò be, nàtsɔ mía nɔvi Zelofehad ƒe domenyinu ana via nyɔnuwo." data/train/NUM/NUM_018_Verse_009.mp3,"Lã siawo ƒe lã nye mia tɔ hekpe ɖe woƒe akɔ kple ɖusita, si wotsɔna naa Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la ŋu." data/train/NUM/NUM_014_Verse_012.mp3,"Ke Mose gblɔ be, “Nu ka ŋuti miele tsitre tsim ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo la ŋu? Mele edzi dze ge o!" data/train/NUM/NUM_007_Verse_177.mp3,"Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo." data/train/NUM/NUM_013_Verse_002.mp3,"Amalekitɔwo le gbegbe le dziehe gome, ke Hititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo ya le togbɛwo dzi, eye Kanaantɔwo le atsiaƒu kple Yɔdan to.”" data/train/NUM/NUM_014_Verse_032.mp3,"Wofɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ ɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi. Ameawo gblɔ be, “Míedze sii be míewɔ nu vɔ̃, ke míele klalo azɔ be, míayi anyigba si ŋugbe Yehowa do na mí la dzi!”" data/train/NUM/NUM_004_Verse_035.mp3,"nɔƒe la ƒe kpɔ ƒe sɔtiwo kple zɔwo, tsyotiwo, kawo kple nu sia nu si ku ɖe wo ŋu dɔ wɔwɔ kple wo dzadzraɖo ŋu. De dɔ asi na ame sia ame wotɔxɛtɔxɛe." data/train/NUM/NUM_011_Verse_020.mp3,"Ne míawu míaƒe lãwo katã hã la, made wo nu o! Ele be míaɖe tɔmelã ɖe sia ɖe tso atsiaƒu me hafi nàte ŋu awɔ wò ŋugbedodo dzi!”" data/train/NUM/NUM_026_Verse_004.mp3,"Ame siwo wotia xlẽ le Aser ƒe viwo ƒe hlɔ̃ me la le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, alafa ene (53,400)." data/train/NUM/NUM_001_Verse_024.mp3,"Eye wotia Israelviwo katã xlẽ le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu, ame siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Israel." data/train/NUM/NUM_004_Verse_005.mp3,"Aron alo via ŋutsuwo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ade dɔ siawo asi na Gerson ƒe viwo," data/train/NUM/NUM_005_Verse_005.mp3,"“ ‘Ekema nunɔla la aŋlɔ fiƒode siawo ɖe agbalẽ me, eye wòakpala nuŋɔŋlɔ la ɖe tsi veve la me." data/train/NUM/NUM_002_Verse_004.mp3,"ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-ene, alafa ene (54,400)." data/train/NUM/NUM_022_Verse_041.mp3,"ɖo amewo ɖa be woayɔ Balaam, Beor ƒe viŋutsu, ame si nɔ Petor, afi si te ɖe tɔsisi la ŋu vɛ. Balak gblɔ be, “Dukɔ aɖe tso Egipte; wotsyɔ anyigba ŋkume, eye wole teƒe aɖe si te ɖe ŋunye." data/train/NUM/NUM_021_Verse_022.mp3,"Israelviwo ɖu wo dzi, eye woxɔ woƒe anyigba tso Arnon tɔsisi la ŋu va se ɖe Yabok tɔsisi la ŋu, heyi ɖe Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Israelviwo megate ŋu yi ŋgɔ wu afi sia o, elabena Amoritɔwo, ame siwo nye Lot ƒe dzidzimeviwo la nye aʋawɔla sesẽwo." data/train/NUM/NUM_019_Verse_011.mp3,"“Ke ne ame aɖe ŋuti mekɔ o, gake wògbe be yemakɔ ye ɖokui ŋuti o la, woaɖee ɖa le ha me, elabena egblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la, eye esi womehlẽ ameŋukɔtsi la ɖe eŋu o ta la, eŋuti mekɔ o." data/train/NUM/NUM_026_Verse_007.mp3,"Ame siwo wotia xlẽ le Yuda ƒe ƒome me la le ame akpe blaadre-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (76,500)." data/train/NUM/NUM_013_Verse_016.mp3,"Míekpɔ Nefilimtɔwo hã le afi ma (Anak nye Nefilimtɔwo ƒe dzidzimeviwo). Míedze le woƒe ŋkume abe abɔwo ene, eye nenema kee woawo hã kpɔ míe.”" data/train/NUM/NUM_035_Verse_031.mp3,"Woƒe aƒewo anɔ du siawo me, eye anyigba siwo ƒo xlã wo la azu lãnyiƒewo na woƒe nyiwo, alẽwo kple lã bubuawo." data/train/NUM/NUM_036_Verse_000.mp3,Ale domenyinu aɖeke madzo le to aɖeke me ayi to bubu me o.’ ” data/train/NUM/NUM_010_Verse_026.mp3,"Ruben ƒe to la kple woƒe aflaga dze wo yome le woƒe kplɔla Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te." data/train/NUM/NUM_033_Verse_012.mp3,"“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne mietso Yɔdan, eye miege ɖe Kanaanyigba dzi la," data/train/NUM/NUM_032_Verse_003.mp3,"Bet Nimra kple Bet Haran. Woɖo gli ƒo xlã du siawo katã, eye lãkpowo nɔ wo me." data/train/NUM/NUM_026_Verse_051.mp3,Wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã menɔ ame siwo Mose kple nunɔla Eleazar xlẽ esime woxlẽ Israelviwo le Sinai gbegbe la dome o. data/train/NUM/NUM_010_Verse_008.mp3,"Gbe ɖeka la, Mose gblɔ na srɔ̃a nɔviŋutsu, Hobab si nye Midiantɔ Reuel ƒe viŋutsu be, “Mlɔeba la, míele mɔ dzem ɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi. Na míayi. Míalé be na wò, elabena Yehowa do nu nyui geɖewo ŋugbe na Israel!”" data/train/NUM/NUM_012_Verse_015.mp3,"Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ne fofoa nyɔ ta ɖe mo nɛ la, eŋuti makɔ o ŋkeke adre. Mina wòanɔ asaɖa la godo ŋkeke adre. Le ɣeyiɣi sia megbe la, agate ŋu ava asaɖa la me.”" data/train/NUM/NUM_016_Verse_032.mp3,"Mose do dɔmedzoe vevie, eye wògblɔ na Yehowa be, “Mègaxɔ woƒe vɔsawo o! Nyemefi woƒe tedzi gɔ̃ hã kpɔ o, eye nyemewɔ nuvevi aɖeke wo dometɔ aɖeke kpɔ hã o.”" data/train/NUM/NUM_028_Verse_014.mp3,"Miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la asa numevɔ na Yehowa. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye esi de blibo." data/train/NUM/NUM_026_Verse_022.mp3,"Esiawoe nye Benyamin ƒe hlɔ̃metɔwo, ame siwo ƒe xexlẽme nye ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃ alafa ade (45,600)." data/train/NUM/NUM_007_Verse_180.mp3,"Kpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu ƒe nunanawo." data/train/NUM/NUM_016_Verse_015.mp3,"Esi Mose se nya si gblɔm wole la, etsyɔ mo anyi." data/train/NUM/NUM_036_Verse_002.mp3,eye womatrɔe na mí le Aseyetsoƒe la me o.” data/train/NUM/NUM_029_Verse_019.mp3,"“Le ŋkeke atɔ̃ megbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe, eye ame aɖeke mawɔ dɔ sesẽ aɖeke o. Esia nye ŋkeke adre ƒe ŋkekenyui si woaɖu le Yehowa ŋkume la ƒe gɔmedzedze." data/train/NUM/NUM_026_Verse_043.mp3,"Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron, ame si dzi Hezron hlɔ̃ la; Hamul, ame si dzi Hamul hlɔ̃ la." data/train/NUM/NUM_008_Verse_010.mp3,"“Le esia megbe la, Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo ada woƒe asiwo ɖe nyitsuvi eveawo ƒe tawo dzi, eye woatsɔ wo ana le Yehowa ŋkume. Woatsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ be woalé avu ɖe Levi ƒe viwo nu." data/train/NUM/NUM_031_Verse_004.mp3,Asrafoawo tsɔ nu siawo ƒe ɖe na wo ɖokuiwo xoxo. data/train/NUM/NUM_005_Verse_000.mp3,"aku tsi kɔkɔe ɖe anyikplu aɖe me, eye wòaku agbadɔ la me ke akɔ ɖe tsi la me." data/train/NUM/NUM_009_Verse_004.mp3,"“Ke ame sia ame, si megblẽ kɔ ɖo na eɖokui o, eye mezɔ mɔ hã o, gake wògbe meɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o la, woaɖee le Israelviwo ƒe ha me le ale si wògbe be yemasa vɔ na Yehowa le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o ta. Eƒe nu vɔ̃ anɔ edzi." data/train/NUM/NUM_006_Verse_001.mp3,"“ ‘Azɔ la, adzɔgbeɖela la ako eƒe ɖa ʋluya la, si nye eƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe dzesi. Awɔ nu sia le agbadɔ la ƒe mɔnu. Le esia megbe la, woatsɔ ɖa si wòko la ade dzo me le ŋutifafavɔsa la te." data/train/NUM/NUM_018_Verse_008.mp3,"Kplɔ nɔviwò, Levi ƒe viwo, tso Levi ƒe to la me vɛ be woakpe ɖe ŋuwò, ne wò kple viwò ŋutsuwo miele subɔsubɔm le agbadɔ la ŋgɔ." data/train/NUM/NUM_023_Verse_015.mp3,"Balak wɔ nu si Balaam ɖo nɛ la, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi." data/train/NUM/NUM_035_Verse_018.mp3,"Mina du etɔ̃ nanɔ Yɔdan ƒe akpa sia, eye etɔ̃ nanɔ Kanaan abe Sitsoƒeduwo ene." data/train/NUM/NUM_020_Verse_018.mp3,Mose kple Aron wotrɔ le wo gbɔ yi Agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia wo. data/train/NUM/NUM_014_Verse_029.mp3,"Tete Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo, ame siwo le toawo dzi la ɖiɖi ɖe wo dzi, kpe aʋa kpli wo, eye wonya wo ɖo ɖe Horma." data/train/NUM/NUM_008_Verse_000.mp3,Ale Mose kple Aron kpakple Israelviwo katã wotsɔ Levi ƒe viwo na Yehowa le se si wòde na Mose la nu. data/train/NUM/NUM_022_Verse_019.mp3,"Esi ŋu ke la, Balaam gblɔ na Balak ƒe ameawo be, “Mitrɔ dzo! Yehowa meɖe mɔ nam be mawɔ nu si miaƒe fia di be mawɔ o.”" data/train/NUM/NUM_021_Verse_010.mp3,"Eva eme nenema tututu. Israel ɖu dzi. Wowu Ɔg, Basan fia, via ŋutsuwo kple eteviwo ale gbegbe be aʋawɔlawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o. Ale Israelviwo xɔ anyigba la." data/train/NUM/NUM_013_Verse_005.mp3,"“Dɔ ŋkutsalawo ɖe Kanaanyigba, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israel la dzi. Dɔ kplɔla ɖeka ɖa tso to sia to me.”" data/train/NUM/NUM_001_Verse_004.mp3,Ame siawoe wotia tso ameawo dome be woanye kplɔlawo na Israel to vovovoawo. data/train/NUM/NUM_001_Verse_016.mp3,"Ame siwo wotia, xlẽ le Yuda ƒe to la me le ame akpe blaadre-vɔ-ene, alafa ade (74,600)." data/train/NUM/NUM_001_Verse_031.mp3,"Eye woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu ade aʋa le Israel ƒe ŋgɔgbevi Ruben ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu." data/train/NUM/NUM_032_Verse_016.mp3,"“Ke ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi o la, ekema miawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Minya be miaƒe nu vɔ̃ ƒe tohehe ava mia dzi kokoko." data/train/NUM/NUM_012_Verse_009.mp3,"Meƒoa nu kplii, ŋkume kple ŋkume. Meƒoa nu eme kɔna, eye menye le alobalowo me o; ekpɔa Yehowa ƒe dzedzeme. Ekema nu ka ta mievɔ̃ be yewoaƒo nu, atsi tsitre ɖe nye dɔla, Mose ŋu o ɖo?”" data/train/NUM/NUM_033_Verse_017.mp3,"le esime Egiptetɔwo nɔ woƒe ŋgɔgbeviwo katã, ame siwo Yehowa ƒo ƒu anyi le wo dome la ɖim, elabena Yehowa he ʋɔnudɔdrɔ̃ va woƒe mawuwo dzi." data/train/NUM/NUM_002_Verse_021.mp3,"Esiawoe nye ame siwo wotia, xlẽ le Israelviwo dome le woƒe aƒewo nu. Aʋawɔla, siwo katã le asaɖa vovovoawo me la ƒe ƒuƒoƒo le ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ̃ (603,550)." data/train/NUM/NUM_007_Verse_194.mp3,"Le ŋkeke asiekɛa gbe la, Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu, Benyamin ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ." data/train/NUM/NUM_036_Verse_005.mp3,"Ke ne woɖe srɔ̃ tso to bubu aɖe me la, woatsɔ woƒe anyigba la ayi wo srɔ̃ŋutsuwo ƒe towo me. Le mɔ sia nu la, anyigba si woama na mí la dzi aɖe," data/train/NUM/NUM_009_Verse_015.mp3,"“Ne Israelviwo dometɔ siwo li fifia alo siwo anɔ dzidzime siwo ava va me la gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ɣeyiɣi me, to asikaka ame kuku aɖe ŋu me, alo ne wozɔ mɔ, eye womate ŋu anɔ wo nɔviwo dome o la, ele be woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kokoko. Woawo aɖui le ɣleti ɖeka megbe," data/train/NUM/NUM_001_Verse_005.mp3,"Ame siwo katã wotia, xlẽ la le ame akpe alafa ade vɔ etɔ̃, alafa atɔ̃, blaatɔ̃ (603,550)." data/train/NUM/NUM_007_Verse_242.mp3,"Wotsɔ woƒe nunanawo vɛ na Yehowa le tasiaɖam ade siwo dzi wotsyɔ nui la me. Nyitsu eve he tasiaɖam ɖe sia ɖe. Wotsɔ tasiaɖam ɖeka na kplɔla eve, nyitsu ɖeka na kplɔla ɖe sia ɖe, eye wotsɔ wo na Yehowa le Agbadɔ la ŋgɔ." data/train/NUM/NUM_022_Verse_020.mp3,"Esi ŋu ke ŋdi la, Fia Balak kplɔ Balaam yi Bamɔt Baal to la dzi, afi si Balaam ate ŋu akpɔ Israelviwo wogbagba ɖe anyigba la me le eŋkume le." data/train/NUM/NUM_006_Verse_004.mp3,eye wokɔ eŋuti na Yehowa to ɣeyiɣi la katã me. data/train/NUM/NUM_001_Verse_018.mp3,"elabena Levi ƒe viwo ƒe dɔdeasiwo ku ɖe Agbadɔ la kple ekɔkɔ tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu ŋu. Woanɔ Agbadɔ la gbɔ," data/train/NUM/NUM_014_Verse_023.mp3,"Mose ƒo koko na Yehowa be, “Ke nu ka Egiptetɔwo abu ne wose nya sia? Wonya ŋusẽ si nèɖe fia le wò amewo ɖeɖe me la nyuie." data/train/NUM/NUM_029_Verse_011.mp3,"Gbe ma gbe la, miatsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la awɔ numevɔsa na Yehowa. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. Vɔsa siawo nye nu siwo dzea Yehowa ŋu." data/train/NUM/NUM_005_Verse_002.mp3,"alo ne ŋuʋaʋã xɔ ŋutsu aɖe me, elabena ebu nazã ɖe srɔ̃a ŋu. Nunɔla la ana nyɔnu la natsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume, eye wòawɔ se sia katã me dɔ na nyɔnu la." data/train/NUM/NUM_032_Verse_020.mp3,"Manase ƒe viŋutsu, Yair ƒe dzidzimeviwo nɔ du geɖewo me le Gileadnyigba dzi. Wotrɔ ŋkɔ na woƒe nɔƒe be, Havrɔtyair, si gɔmee nye Yair ƒe duwo." data/train/NUM/NUM_009_Verse_018.mp3,Wozɔ mɔ alea le Yehowa ƒe kpɔkplɔ te. Wotɔna ɖe afi si Yehowa ɖo na wo be woatɔ ɖo. Wonɔa afi ma ɣeyiɣi si lilikpo la tɔ ɖe afi ma. data/train/NUM/NUM_021_Verse_021.mp3,"Israelviwo ɖe adzɔgbe na Yehowa be, ne ana yewoaɖu Arad fia kple eƒe amewo dzi la, yewoagbã du siwo katã le afi ma la gudugudu." data/train/NUM/NUM_002_Verse_008.mp3,"ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃ (41,500)." data/train/NUM/NUM_004_Verse_009.mp3,"“Ekema woabla nu bubu siwo katã asusɔ ɖe agbadɔ la me la ɖe avɔ blɔtɔ aɖe me, atsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ eya hã dzi, eye woada nubabla la ɖe agbati dzi." data/train/NUM/NUM_011_Verse_007.mp3,"“Gblɔ na ameawo be woakɔ wo ɖokuiwo ŋuti, elabena woakpɔ lã aɖu etsɔ. Gblɔ na wo be, ‘Yehowa se miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo tso nu siwo katã miegblẽ ɖe megbe le Egipte la ŋu, eye wòle lã na ge mi." data/train/NUM/NUM_001_Verse_038.mp3,“Mi kple Aron mixlẽ Israel dukɔ la katã ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu. data/train/NUM/NUM_003_Verse_029.mp3,Merari hawo nye: Mahli ƒe viwo ƒe ƒome kple Musi ƒe viwo ƒe ƒome. Woawoe nye Merari ƒe ƒomeawo. data/train/NUM/NUM_016_Verse_017.mp3,"Esi ŋu ke ŋdi la, Israelviwo katã gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me ɖe Mose kple Aron ŋu, henɔ gbɔgblɔm be, “Miewu Yehowa ƒe amewo.”" data/train/NUM/NUM_012_Verse_008.mp3,"Mègana Miriam nanɔ abe vidzĩ si ku ɖe dadaa ƒe dɔ me hafi wodzii, eye eƒe ŋutilã ƒe afã ƒaƒã hafi wòdo go la ene o.”" data/train/NUM/NUM_022_Verse_010.mp3,"Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Meva, gake ŋusẽ mele asinye be magblɔ nya aɖeke o, negbe esi Mawu ɖo nam be magblɔ la ko, eye eya koe nye nya si magblɔ.”" data/train/NUM/NUM_015_Verse_031.mp3,Wokplɔe yi Mose kple Aron kple ameha la ŋkume. data/train/NUM/NUM_013_Verse_017.mp3,"Milé ŋku ɖe nuwo ŋu, miakpɔ ne anyigba la nyo na agblemenukuwo loo alo menyo na wo o, ne woƒe duwo lolo loo alo wole sue, ne wotu mɔ sesẽwo ɖe wo ŋu," data/train/NUM/NUM_016_Verse_045.mp3,Yehowa ŋue mi kple mia yomedzelawo katã miebla ɖo. Ame kae nye Aron be mialĩ liʋĩliʋĩ le eŋu?” data/train/NUM/NUM_026_Verse_009.mp3,"Amram srɔ̃ ŋkɔe nye Yohebed, Levi ƒe dzidzimevi, ame si wòdzi na Levi ƒe viwo le Egipte." data/train/NUM/NUM_023_Verse_030.mp3,Yehowa gblɔ nya aɖe na Balaam be wòagblɔ na Fia Balak. data/train/NUM/NUM_011_Verse_006.mp3,"Eya ta wotsɔ ŋkɔ na teƒe la be Kibrot Hatava, elabena afi mae woɖi ame siwo dzro nuɖuɖu bubu la ɖo." data/train/NUM/NUM_030_Verse_013.mp3,"“Ne srɔ̃nyɔnu aɖe le srɔ̃a ƒe aƒe me, eye wòɖe adzɔgbe," data/train/NUM/NUM_022_Verse_013.mp3,"Balak bia Balaam be, “Nu ka ta nètsi anyi wòdidi alea hafi nèva ɖo? Medo ŋugbe na wò be made bubu gã ŋuwò. Ɖe mèxɔe se oa?”" data/train/NUM/NUM_002_Verse_018.mp3,"Efraim ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣetoɖoƒe gome. Efraim ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Elisama, Amihud ƒe viŋutsu," data/train/NUM/NUM_021_Verse_018.mp3,"Israelviwo trɔ yi Hor to la dzi, eye woɖo ta anyigbeme lɔƒo to mɔ si ɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ la dzi be yewoaƒo xlã Edomnyigba. Nu sia ɖe dzi le Israelviwo ƒo ŋutɔ." data/train/NUM/NUM_013_Verse_000.mp3,"Ale wokaka nutsotso gbegblẽ ɖe Israelviwo dome tso anyigba si dzi wotsa ŋku le la ŋuti. Wogblɔ na ameawo be, “Anyigba si dzi míetsa ŋku le la le edzinɔlawo mim. Ame siwo katã míekpɔ la nye ame dzɔatsuwo." data/train/NUM/NUM_005_Verse_024.mp3,"Tsi sia si hea fiƒode vaa ame dzi la nage ɖe lãme na wò ale be wò ƒodo nate ɖe nuwò, eye wò ataŋuyi naflo ɖa.” “ ‘Ekema nyɔnu la axɔ ɖe edzi be, “Amen, neva eme nenema.”" data/train/NUM/NUM_027_Verse_016.mp3,"Nu ka ta mía fofo ƒe ŋkɔ nabu le eƒe hlɔ̃ me, elabena viŋutsu menɔ esi o? Na domenyinui ɖe mía fofowo ƒe ƒometɔwo dome.”" data/train/NUM/NUM_026_Verse_060.mp3,"Yuda ƒe viwoe nye Er kple Onan, ame siwo ku le Kanaanyigba dzi." data/train/NUM/NUM_015_Verse_002.mp3,"ekema ame si le vɔ la sam la atsɔ nuɖuvɔsa si nye wɔ memee kilogram ɖeka, si wobaka kple ami lita ɖeka na Yehowa," data/train/NUM/NUM_002_Verse_009.mp3,"ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃ (59,300)." data/train/NUM/NUM_010_Verse_000.mp3,Ale Israelviwo dzo le Sinai gbegbe la. Wodze lilikpo la yome va se ɖe esime wòtɔ ɖe Paran gbegbe la. data/train/NUM/NUM_001_Verse_046.mp3,"Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Benyamin ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu." data/train/NUM/NUM_018_Verse_022.mp3,"Woawɔ dɔ le wò kpɔkplɔ te, eye woawɔ dɔ siwo katã ku ɖe agbadɔ la ŋu, gake womate ɖe agbadɔ la me nuwo alo vɔsamlekpui la ŋu o, ne wowɔe la, woawo kple wò siaa miaku." data/train/NUM/NUM_009_Verse_000.mp3,"Ale Mose gblɔ na Israelviwo be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la," data/train/NUM/NUM_001_Verse_051.mp3,"“Ŋutsu siwo akpe ɖe mia ŋu la ƒe ŋkɔwoe nye: “Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, tso Ruben ƒe to la me." data/train/NUM/NUM_002_Verse_001.mp3,"ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaade-vɔ-eve, alafa adre (62,700)." data/train/NUM/NUM_035_Verse_028.mp3,Nenema kee woawɔ ame si atsɔ nu si wowɔ kple ati la aƒo nɔvia wòaku. data/train/NUM/NUM_004_Verse_033.mp3,"“Nu si woagawɔ azɔe nye woatsɔ avɔ blɔtɔ atsyɔ akaɖiti la, akaɖigbɛawo, ɖovulãnuwo, nutɔgbawo kple amigoe la dzi." data/train/NUM/NUM_001_Verse_025.mp3,"Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Dan ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu." data/train/NUM/NUM_002_Verse_000.mp3,"ame siwo ƒe aʋawɔlawo le akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ade blaatɔ̃ (45,650)." data/train/NUM/NUM_010_Verse_014.mp3,"kple Naftali ƒe to la, ame siwo Ahira, Enan ƒe viŋutsu kplɔ la dze wo yome." data/train/NUM/NUM_009_Verse_011.mp3,Mose gblɔ na wo be yeabia nya Yehowa tso woƒe xaxa la ŋuti. data/train/NUM/NUM_006_Verse_018.mp3,"“ ‘Nunɔla la atsɔ nunana siawo ada ɖe Yehowa ŋkume. Atsɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ana gbã, emegbe la, wòana numevɔsa la." data/train/NUM/NUM_027_Verse_006.mp3,"Gbe ɖeka la, Zelofehad ƒe vinyɔnu siawo yi agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wotsi tsitre ɖe Mose, nunɔla Eleazar, ameha blibo la ƒe kplɔlawo ŋkume, eye wogblɔ be," data/train/NUM/NUM_004_Verse_018.mp3,"eye woxɔ ƒe blaetɔ̃ alo wu nenema va se ɖe ƒe blaatɔ̃ be woasubɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me, eye woakɔ agba la" data/train/NUM/NUM_027_Verse_008.mp3,"“Mía fofo ku le gbedzi. Enɔ Korah yomedzelawo dome, ame siwo bla nu, eye wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu, ke eku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta, eye megblẽ viŋutsu aɖeke ɖe megbe o." data/train/NUM/NUM_018_Verse_003.mp3,Ele be miatsɔ nu sia nu si wona la ƒe akpa nyuitɔ kple kɔkɔetɔ ana Yehowa abe eƒe ɖuƒe ene.’ data/train/NUM/NUM_004_Verse_040.mp3,"Woawoe akɔ kpɔ si ƒo xlã nɔƒe la ŋu vɔwo, agbonuvɔ si le nɔƒe si ƒo xlã vɔsamlekpui la kple agbadɔ la ƒe mɔnu ƒe vɔsamlekpui la, kawo kple wo ŋu nu bubuawo katã. Woawo ƒe dɔ wònye be woakɔ nu siawo." data/train/NUM/NUM_002_Verse_032.mp3,"Yuda ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣedzeƒe gome. Yuda ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu," data/train/NUM/NUM_016_Verse_044.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be," data/train/NUM/NUM_028_Verse_018.mp3,"Ne ŋu ke la, ŋkeke adre ƒe dzidzɔŋkekenyui aɖe adze egɔme, ke womaɖu abolo ʋaʋã aɖeke o." data/train/NUM/NUM_032_Verse_030.mp3,"“Ne ame siwo wotia tso Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo dome be woayi aɖawɔ aʋa na Yehowa dometɔ ɖe sia ɖe tso Yɔdan tɔsisi la kple mi la, ekema ne miexɔ anyigba la le futɔwo si la, miatsɔ Gileadnyigba ana wo." data/train/NUM/NUM_031_Verse_013.mp3,"Israelviwo ƒe aʋakɔ la ɖe aboyo Midiantɔwo ƒe nyɔnuwo kple ɖeviwo katã, eye woha woƒe lãwo kple woƒe kesinɔnu geɖewo." data/train/NUM/NUM_032_Verse_026.mp3,"Mitso duwo na mia srɔ̃wo kple mia viwo, mitu lãkpowo na miaƒe lãwo, eye miwɔ nu siwo katã miegblɔ be yewoawɔ.”" data/train/NUM/NUM_029_Verse_029.mp3,"Miawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsu la, agbo la kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Vɔsa siawo dzea Yehowa ŋu ŋutɔ." data/train/NUM/NUM_026_Verse_062.mp3,"Zebulon ƒe viŋutsuwo le woƒe towo nue nye: Sered, ame si dzi Sered hlɔ̃ la, Elon, ame si dzi Elon hlɔ̃ la, Yahlil, ame si dzi Yahlil hlɔ̃ la." data/train/NUM/NUM_008_Verse_031.mp3,"Ɛ̃, mexɔ Levi ƒe viwo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsiwo katã teƒe." data/train/NUM/NUM_007_Verse_171.mp3,"eye wòtsɔ tasiaɖam ene kple nyitsu enyi na Merari ƒe viwo, ame siwo nɔ Itamar, nunɔla Aron ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te." data/train/NUM/NUM_010_Verse_027.mp3,"Simeon ƒe to la kplɔ woawo hã ɖo. Wonɔ woƒe kplɔla Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te." data/train/NUM/NUM_003_Verse_039.mp3,Woakpɔ Agbadɔ la me nuwo kple Agbadɔ blibo la dzi data/train/NUM/NUM_014_Verse_005.mp3,"Gake zi ale si mele agbe, eye zi ale si Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi la," data/train/NUM/NUM_030_Verse_004.mp3,"“Ke ne nyɔnu la zu ahosi alo eya kple srɔ̃a dome klã la, ekema ele nɛ be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko." data/train/NUM/NUM_031_Verse_009.mp3,"Ebia wo be, “Nu ka ta miena nyɔnuawo katã tsi agbe?" data/train/NUM/NUM_016_Verse_010.mp3,Dzo ge tso Yehowa gbɔ va fia ame alafa eve blaatɔ̃ (250) siwo nɔ dzudzɔ dom. data/train/NUM/NUM_001_Verse_027.mp3,"Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Isaka ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu." data/train/NUM/NUM_001_Verse_035.mp3,"Le gbe ma gbe ke la, Mose kple Aron kple ŋutsu wuieve siwo wotia la" data/train/NUM/NUM_004_Verse_001.mp3,"Ame siawo nye ame siwo katã Mose kple Aron tia, xlẽ le Gerson ƒe viwo ƒe ƒome la me, eye woate ŋu awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu abe ale si Yehowa de se ene." data/train/NUM/NUM_012_Verse_013.mp3,"Yehowa gblɔ na wo be, “Miɖo to nye nyawo: “Ne Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe le mia dome la, meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutegawo me, eye meƒoa nu nɛ le drɔ̃ewo me." data/train/NUM/NUM_003_Verse_031.mp3,“Metsɔ Levi ƒe viwo le Israelviwo dome ɖe Israel nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe viŋutsu gbãtɔ teƒe. Levi ƒe viwo nye tɔnyewo. data/train/NUM/NUM_028_Verse_009.mp3,"“Le Dzudzɔgbe la dzi la, tsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la sa vɔe kpe ɖe eƒe nunovɔsa kple nuɖuvɔsa ŋu. Nuɖuvɔsa la nanye wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami." data/train/NUM/NUM_035_Verse_027.mp3,"“ ‘Nenema ke womaxɔ naneke le hlɔ̃dola si yi sitsoƒedu aɖe me la si, aɖe mɔ nɛ be wòatrɔ ayi wo de hafi nunɔlagã la naku o." data/train/NUM/NUM_021_Verse_020.mp3,"Israelviwo xɔ Amoritɔwo ƒe duwo katã, eye wonɔ wo me; Hesbon kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la hã nɔ eme." data/train/NUM/NUM_026_Verse_054.mp3,Woama domenyinu ɖe sia ɖe to akɔdada me ɖe to gãwo kple to suewo siaa dome.” data/train/NUM/NUM_008_Verse_007.mp3,Israelviwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo kple woƒe lãwo ƒe vi ŋgɔgbetɔwo katã nye tɔnyewo. Metsɔ wo na ɖokuinye le zã si me mewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã. data/train/NUM/NUM_010_Verse_020.mp3,"Ne kpẽa gaɖi zi evelia tu ɖe nu la, to siwo le dziehe lɔƒo la hã adze mɔ. Kpẽa ƒe ɖiɖi nye nyanyanana be woadze mɔ." data/train/NUM/NUM_013_Verse_025.mp3,"Tete Kaleb tsi nya ɖe ameawo nu le Mose ŋkume, eye wògblɔ be, “Mina míayi aɖaxɔ anyigba la, elabena míate ŋui xoxoxo.”" data/train/NUM/NUM_002_Verse_024.mp3,"Eye Israelviwo wɔ, abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Ale si woƒu asaɖa anyi la, nenema ŋu woho ɖo, ame sia ame kple eƒe ƒome le woƒe aƒewo nu." data/train/NUM/NUM_026_Verse_036.mp3,"Manase ƒe viŋutsuwoe nye: Makir, ame si dzi Makir hlɔ̃ la (Makir dzi Gilead), eye Gilead hlɔ̃ la." data/train/NUM/NUM_011_Verse_033.mp3,"Ƒomewo tsia tsitre ɖe woƒe agbadɔwo nu henɔa avi fam. Mose se woƒe avifafa. Yehowa gado dɔmedzoe ɖe edzi wu, eye Mose hã mekpɔ ŋudzedze le nu sia ŋu o." data/train/NUM/NUM_007_Verse_173.mp3,"Eƒe nunana siwo wòtsɔ vɛ la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me." data/train/NUM/NUM_007_Verse_243.mp3,“Xɔ woƒe nu siawo be woatsɔ wo awɔ agbadɔ la ŋuti dɔwoe. Tsɔ wo na Levi ƒe viwo abe ale si ame sia ame ƒe dɔ hiã lae ene.” data/train/NUM/NUM_025_Verse_019.mp3,"Ɖetugbi siawo kplɔa wo yia woƒe mawuwo ƒe vɔsawo teƒewo. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ɖekakpuiawo megadea vɔsawo teƒewo ɖeɖe ko o, ke boŋ wodea ta agu na woƒe legbawo." data/train/NUM/NUM_031_Verse_045.mp3,"Wotɔ dzo Midiantɔwo ƒe duwo kple kɔƒewo katã," data/train/NUM/NUM_011_Verse_023.mp3,Nye ɖeka nyemate ŋu atsɔ dukɔ sia ƒe nyawo o. Agba la kpe nam akpa! data/train/NUM/NUM_004_Verse_003.mp3,"Ame siwo wotia, xlẽ le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu la le ame akpe eve alafa ade, blaetɔ̃ (2,630)." data/train/NUM/NUM_035_Verse_030.mp3,Woatsɔ du blaene-vɔ-enyi siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la ana Levi ƒe viwo. data/train/NUM/NUM_014_Verse_021.mp3,"Migazɔ ɖe miaƒe ɖoɖowo nu o; ne menye nenema o la, miaƒe futɔwo aɖu mia dzi, elabena Yehowa mele mia yome o." data/train/NUM/NUM_022_Verse_036.mp3,"Tete Yehowa na be tedzi la nate ŋu aƒo nu. Tedzi la bia Balaam be, “Nu ka mewɔ si na be nàƒom zi etɔ̃?”" data/train/NUM/NUM_016_Verse_038.mp3,"Mose xlɔ̃ nu ameha la be, “Miɖe abla miadzo le ame vɔ̃ɖi siawo ƒe agbadɔwo gbɔ; migaka asi woƒe naneke ŋu o, ne menye nenema o la, abala míawo hã, eye Yehowa atsrɔ̃ miawo hã ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta.”" data/train/NUM/NUM_010_Verse_034.mp3,"Yuda ƒe to la dze ŋgɔ, nɔ woƒe aflaga la yome. Woƒe kplɔlae nye Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu." data/train/NUM/NUM_016_Verse_041.mp3,"Tete Yehowa gblɔ na Mose be," data/train/NUM/NUM_018_Verse_020.mp3,"Vi gbãtɔ ɖe sia ɖe, amegbetɔ kple lã siaa si wotsɔ na Yehowa la nye tɔwò. Ke ele na wò be nàƒle viŋutsuvi gbãtɔ kple lã makɔmakɔ ɖe sia ɖe ƒe lãtsu gbãtɔ ta." data/train/NUM/NUM_005_Verse_020.mp3,"“ ‘Nunɔla la akplɔ nyɔnu la ayi Yehowa ŋkume," data/train/NUM/NUM_017_Verse_000.mp3,"Ale Mose gblɔ nya la na Israelviwo. Kplɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe, ame siwo dome Aron hã nɔ la, tsɔ atikplɔ ɖeka vɛ." data/train/NUM/NUM_004_Verse_017.mp3,Eye wotia Gerson ƒe viwo xlẽ le woƒe ƒome kple aƒewo nu. data/train/NUM/NUM_009_Verse_002.mp3,"eye wogblɔ na Mose be, “Míegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku aɖe ta, ke nu ka ta woaxe mɔ na mí be míatsɔ Yehowa ƒe vɔsa vɛ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o?”" data/train/NUM/NUM_014_Verse_000.mp3,"Azɔ la, esi Israelviwo le vɔvɔ̃m nenema gbegbe na Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo, ame siwo le baliawo me ta la, etsɔ la, ele na mi be miagatrɔ ayi gbedzi, aɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ.”" data/train/NUM/NUM_032_Verse_034.mp3,Nu sia tɔgbi tututu mia tɔgbiwo wɔ kpɔ! Meɖo wo ɖa be woaɖatsa ŋku le Kades Barneanyigba dzi. data/train/NUM/NUM_015_Verse_030.mp3,Wodee mɔ va se ɖe esime woanya nu si Yehowa adi be woawɔ. data/train/NUM/NUM_007_Verse_007.mp3,"Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ." data/train/NUM/NUM_031_Verse_000.mp3,"Afã mamlɛa, si wotsɔ na Israelviwo la yi ale: alẽ akpe alafa etɔ̃, blaetɔ̃-vɔ-adre, alafa atɔ̃ (337,500)," data/train/NUM/NUM_010_Verse_030.mp3,Wodze mɔ le ŋkeke me. Yehowa ƒe lilikpo la nɔ zɔzɔm le ŋgɔ na wo. data/train/NUM/NUM_029_Verse_027.mp3,"Miatsɔ miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu." data/train/NUM/NUM_031_Verse_036.mp3,"nyɔnuvi akpe wuiade (16,000), wotsɔ wo dome blaetɔ̃-vɔ-eve, siwo nye Yehowa tɔ la na Levi ƒe viwo." data/train/NUM/NUM_030_Verse_006.mp3,"Ke ne ŋutsu la gblɔ le ŋkeke gbãtɔ si wòse nu tso adzɔgbeɖeɖe la ŋu be yemelɔ̃ ɖe edzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee." data/train/NUM/NUM_026_Verse_039.mp3,Nadab kple Abihu woku esi wodo dzudzɔ makɔmakɔ na Yehowa.) data/train/NUM/NUM_001_Verse_012.mp3,"Ame siwo wotia, xlẽ le Manase ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa eve (32,200)." data/train/NUM/NUM_014_Verse_014.mp3,"Ke togbɔ be Yehowa ƒe nubablaɖaka la loo alo Mose medzo le asaɖa la me o hã la, ameawo dze mɔ yi toawo dzi." data/train/NUM/NUM_023_Verse_002.mp3,"Ame ka ate ŋu axlẽ Yakob ƒe ʋuʋudedi, alo axlẽ Israel ƒe akpa enelia? Na maku ame dzɔdzɔe ƒe ku, eye nye nuwuwu nanɔ abe wo tɔ ene!”" data/train/NUM/NUM_021_Verse_031.mp3,"Woɖe kuku na fia la be, “Na míato wò anyigba dzi ayi. Míadze ato agblewo alo wainbɔwo me o, eye míele vudometsi hã no ge o. Míale mɔ gã la tẽ va se ɖe esime míatso wò anyigba me ayi.”" data/train/NUM/NUM_020_Verse_023.mp3,"Tsi mebɔ ɖe afi ma na nono o, ale ameawo gadze aglã ɖe Mose kple Aron ŋu. Ameha gã aɖe ɖi anyi," data/train/NUM/NUM_003_Verse_043.mp3,"Wotia ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la xlẽ le wo dome, eye woƒe xexlẽme le ame akpe adre, alafa atɔ̃ (7,500)." data/train/NUM/NUM_026_Verse_008.mp3,"Ame siwo wotia xlẽ le Zebulon ƒe ƒome me la le ame akpe blaade, alafa atɔ̃ (60,500)." data/train/NUM/NUM_004_Verse_006.mp3,"“Azɔ la, woatsɔ avɔ blɔtɔ atsyɔ sikavɔsamlekpui la dzi, atsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ eya hã dzi, eye woatsɔ kpoawo aƒo ɖe gagodoeawo me le vɔsamlekpui la ŋu." data/train/NUM/NUM_031_Verse_047.mp3,Wowu Midian ŋutsu ɖe sia ɖe le aʋa la me. data/train/NUM/NUM_013_Verse_013.mp3,"Ke afi ma tɔwo nye ŋusẽtɔwo. Woƒe duwo lolo, eye woglã wo katã. Gawu la, míekpɔ Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma!" data/train/NUM/NUM_023_Verse_005.mp3,"Balaam gblɔ na Balak be, “Nɔ afi sia le wò numevɔsa gbɔ esime meɖe kpɔ. Ɖewohĩ Yehowa ava do gom. Nu sia nu si wòaɖe afiam la, magblɔe na wò.” Ale wòyi togbɛ ƒeƒle aɖe dzi." data/train/NUM/NUM_011_Verse_029.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣe ka ɣie ŋusẽ vɔ le ŋunye? Azɔ la, miakpɔe ne nye nya nye nyateƒe loo alo alakpa!”" data/train/NUM/NUM_030_Verse_005.mp3,"Ke ne srɔ̃ŋutsu la gbe be yemelɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee." data/train/NUM/NUM_026_Verse_005.mp3,"Ame siwo wotia xlẽ le Isaka ƒe hlɔ̃ me la le ame akpe blaade-vɔ-ene alafa etɔ̃ (64,300)." data/train/NUM/NUM_016_Verse_019.mp3,"eye anyigba la mi wo kple woƒe aƒemenuwo katã, eye nenema kee nye Korah yomedzelawo katã kple woƒe nunɔamesiwo katã hã." data/train/NUM/NUM_014_Verse_006.mp3,"Gake ɖekoe miagadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ ame siwo le anyigba la dzi o, wo dzi ɖuɖu le bɔbɔe na mí, elabena luʋɔ dzo le wo ta, ke míawo ya la, Yehowa li kpli mí, eya ta migavɔ̃ na wo o.”" data/train/NUM/NUM_028_Verse_024.mp3,"Woatsɔ nunovɔsa si nye wain lita eve la akpe ɖe nyitsu la ŋu, atsɔ lita ɖeka kple afã akpe ɖe agbo la ŋu, eye woatsɔ lita ɖeka akpe ɖe agbovi ɖe sia ɖe ŋu. Esiae nye nunovɔsa si woawɔ ɣleti sia ɣleti to ƒe blibo la me." data/train/NUM/NUM_034_Verse_008.mp3,Esiawoe nye ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama ɖe Israelviwo dome dzi la ƒe ŋkɔwo. data/train/NUM/NUM_015_Verse_046.mp3,"“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si mele mia nam abe mia de ene dzi," data/train/NUM/NUM_033_Verse_051.mp3,"Wotso le Abarim towo gbɔ, eye mlɔeba la, wova ɖo Moab gbegbe la le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa." data/train/NUM/NUM_021_Verse_028.mp3,"Wode asi liʋĩliʋĩlilĩ me ɖe Mawu kple Mose ŋu be, “Nu ka ta miekplɔ mí dzoe le Egipte be míava ku ɖe gbedzi le afi sia? Naneke mele afi sia míaɖu o, tsi meli míano o, mana sia hã va ti mí azɔ.”" data/train/NUM/NUM_016_Verse_048.mp3,Ɖoɖo lae nye be woana amewo nadze aglã ɖe Mose ŋu. Ame siwo lɔ̃ ɖe aglãdzedze ƒe ɖoɖo sia dzi kple Israelviwo ƒe xexlẽmee nye ame alafa eve blaatɔ̃ (250). Wonye kplɔlawo kple aɖaŋudelawo. data/train/NUM/NUM_026_Verse_032.mp3,"Ke hã la, Korah ƒe viwo katã metsrɔ̃ o." data/train/NUM/NUM_022_Verse_008.mp3,"Balaam gblɔ na wo be, “Mitsi afi sia dɔ. Etsɔ ŋdi la, magblɔ nu sia nu si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la na mi.” Ale wotsi afi ma dɔ." data/train/NUM/NUM_016_Verse_000.mp3,"Ale ameawo katã te ɖa le Korah, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ. Datan kple Abiram do go tso woƒe agbadɔwo me, eye wotsi tsitre ɖe woƒe agbadɔwo ƒe mɔnu kple wo srɔ̃wo, wo viŋutsuwo kple wo vi suewo." data/train/NUM/NUM_025_Verse_011.mp3,"Sẽe kple sẽe ko la, Israelviwo katã de asi Moabtɔwo ƒe mawu, Baal Peor subɔsubɔ me. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israelviwo ŋu." data/train/NUM/NUM_028_Verse_019.mp3,"Nu siwo woatsɔ akpe ɖe vɔsalã siawo ŋu lae nye: wɔ memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami lita ene kple afã abe nuɖuvɔsa ene kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu; wɔ memee kilogram eve si wobaka kple ami kilogram eve abe nuɖuvɔsa ene nazɔ kple agbo la," data/train/NUM/NUM_019_Verse_020.mp3,"Woawɔ nu sia le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbewo. Emegbe la, amea anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti akɔ le fiẽ." data/train/NUM/NUM_002_Verse_025.mp3,"Eye Naftali ƒe to la akpe ɖe Aser ƒe viwo ŋu. Naftali ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu," data/train/NUM/NUM_007_Verse_187.mp3,"Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Pagiel, Okran ƒe viŋutsu ƒe nunanawo." data/train/NUM/NUM_017_Verse_007.mp3,"“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be toawo ƒe kplɔla ɖe sia ɖe natsɔ atikplɔ si dzi wòŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖo la vɛ na wò." data/train/NUM/NUM_015_Verse_003.mp3,"Ekema miaɖo ŋku edzi, awɔ nye sewo katã dzi, eye miakɔ mia ɖokuiwo ŋuti na miaƒe Mawu la." data/train/NUM/NUM_016_Verse_021.mp3,"Eye Mose gblɔ be, “To nu sia me la, mianya be Yehowae dɔm ɖa be mawɔ nu siawo katã, eye menye nye ŋutɔ nye susu o." data/train/NUM/NUM_018_Verse_014.mp3,"Ne woxɔ ɣleti ɖeka la, ele na wò be nàƒle wo ta, eye wo taƒlegae nye klosalo gram blaade, le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu." data/train/NUM/NUM_029_Verse_025.mp3,"“Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke enelia dzi la, miatsɔ nyitsuvi ewo, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa vɔe. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me." data/train/NUM/NUM_009_Verse_017.mp3,"Ne lilikpo la nɔ agbadɔ la tame ŋkeke eve alo ɣleti ɖeka alo ƒe ɖeka la, Israelviwo nɔa asaɖa la me, eye womedzea mɔ o. Ke ne eho la, wodzea mɔ." data/train/NUM/NUM_027_Verse_002.mp3,"Ele be wòayi nunɔla Eleazar gbɔ, eye wòaxɔ ɖoɖowo tso Yehowa gbɔ. Yehowa agblɔ nu si woawɔ la na Eleazar to akɔdada kple ‘Urim’ me, eye Eleazar agblɔ Mawu ƒe ɖoɖowo na Yosua kple Israel dukɔ la. Yehowa ayi wo kpɔkplɔ dzi le mɔ sia nu.”" data/train/NUM/NUM_003_Verse_011.mp3,Eye Merari ƒe viwoe nye esiawo le woƒe ƒomewo nu: Mahli kple Musi. Esiawo nye Levi ƒe viwo ƒe ƒome le woƒe aƒewo nu. data/train/NUM/NUM_010_Verse_007.mp3,"eye Benyamin ƒe to la nɔ woƒe kplɔla Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te kplɔ wo ɖo." data/train/NUM/NUM_007_Verse_015.mp3,"Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa," data/train/NUM/NUM_033_Verse_019.mp3,"Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Nunɔla Aron yi Hor to la dzi, afi si wòku ɖo le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe le ƒe blaenelia, esi Israelviwo ʋu tso Egipte la me." data/train/NUM/NUM_003_Verse_012.mp3,"eye woagakpɔ sɔti siwo ƒo xlã xɔxɔnu la, woƒe zɔwo kple tsyotiwo kple kawo dzi." data/train/NUM/NUM_035_Verse_003.mp3,"alo ne mekpɔe o, eye wòƒu kpe si ate ŋu awui, eye wòku la, ekema zi ale si menye futɔ na amea o, eye meɖo be yeawɔ nuvevie o hafi ta la," data/train/NUM/NUM_011_Verse_028.mp3,"Wodo ɣli na Mose be wòaxɔ na yewo. Esi Mose do gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta la, dzo la tsi." data/train/NUM/NUM_029_Verse_008.mp3,eye wɔ memee lita eve akpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. data/train/NUM/NUM_006_Verse_019.mp3,"Nunɔla la atsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe. Ale wòalé avu le ale si wògblẽ kɔ ɖoe la ta. Agbugbɔ eƒe adzɔgbe la aɖe gbe ma gbe, eye wòana eƒe ɖa nagade asi toto me." data/train/NUM/NUM_027_Verse_001.mp3,"elabena ètsi tsitre ɖe nye ɖoɖo ŋu le Zin gbedzi. Esime Israel dze aglã ɖe ŋunye la, mède bubu ŋunye le wo ŋkume to nye ɖoɖowo dzi wɔwɔ me, aɖe gbe, tsi nado to agakpe la me o.” (Yehowa nɔ nu ƒom tso nya si dzɔ le Meriba, Dzreteƒe, le Kades, le Zin gbedzi la ŋu.)" data/train/NUM/NUM_036_Verse_004.mp3,"Israelviwo ƒe toawo ƒe nyɔnuwo naɖe srɔ̃ le woawo ŋutɔ ƒe towo me, ale be woƒe anyigba madzo le to la me o." data/train/NUM/NUM_026_Verse_018.mp3,"Dan viwoe nye esi le woƒe ƒome nu: Suham, ame si dzi Suham hlɔ̃ la. Esiae nye Dan ƒe hlɔ̃wo:" data/train/NUM/NUM_028_Verse_006.mp3,eye woatsɔ wɔ memee si wobaka kple ami lita eve abe nuɖuvɔsa ene la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woame vɔsa sia; ado dzidzɔ na Yehowa ŋutɔ. data/train/NUM/NUM_007_Verse_201.mp3,"Le ŋkeke wuiɖekɛa gbe la, Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, Aser ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ." data/train/NUM/NUM_009_Verse_020.mp3,Yehowa ƒe nyametsotsoe nye: data/train/NUM/NUM_011_Verse_021.mp3,"Nenye aleae nàwɔm la, ekema meɖe kuku, wum fifi laa, eye wòanye nunyee nève boŋ! Ɖem tso nye xaxa dziŋɔ sia me!”" data/train/NUM/NUM_029_Verse_026.mp3,"“Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke etɔ̃lia gbe la, miatsɔ nyitsuvi wuiɖekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo." data/train/NUM/NUM_009_Verse_008.mp3,le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Woadze ŋkekenyui la ɖuɖu gɔme tso gbe ma gbe ƒe fiẽ. Woaɖu alẽvi la ɣe ma ɣi kple abolo maʋamaʋã kple amagbe veve. data/train/NUM/NUM_003_Verse_022.mp3,Kohat ƒe ƒome la naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la ƒe axadzi le dzigbeme lɔƒo. data/train/NUM/NUM_026_Verse_024.mp3,"Esiawoe nye Manase ƒe hlɔ̃metɔwo, ame siwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaatɔ̃ vɔ eve alafa adre (52,700)." data/train/NUM/NUM_033_Verse_021.mp3,"Mima anyigba la ɖe miaƒe towo dome ɖe toawo ƒe lolome nu. Midzidze nu ɖe afi si anyigba la lolo le la dzi, amae ɖe to siwo me amewo sɔ gbɔ le la dome, eye miatsɔ teƒe siwo melolo o la ana to suewo." data/train/NUM/NUM_031_Verse_012.mp3,"Finehas, nunɔla Eleazar ƒe viŋutsue nye woƒe aʋakplɔla. Nubablaɖaka la yi kpli wo le esime kpẽwo nɔ ɖiɖim." data/train/NUM/NUM_015_Verse_013.mp3,"kple wain lita ɖeka kple afã la akpe ɖe eŋu abe nunovɔsa ene. Esia anye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea Yehowa ŋu." data/train/NUM/NUM_003_Verse_047.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose le Sinai gbegbe la be," data/train/NUM/NUM_006_Verse_025.mp3,"Ŋkeke siwo wòwɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi hafi gblẽ kɔ ɖo la, megale eme o. Ele nɛ be wòagadze eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi wɔwɔ gɔme kple eƒe adzɔgbe yeye la, eye wòana alẽ si xɔ ƒe ɖeka hena eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa." data/train/NUM/NUM_016_Verse_028.mp3,"ke ame akpe wuiene alafa adre (14,700) ku xoxo kpe ɖe ame siwo ku kple Korah le ŋkeke si do ŋgɔ la ŋu." data/train/NUM/NUM_012_Verse_000.mp3,"Ale woɖe Miriam ɖa le asaɖa la me ŋkeke adre. Ameawo lala, wogakplɔe gbɔe hafi wogayi mɔzɔzɔ la dzi." data/train/NUM/NUM_029_Verse_038.mp3,"Tsɔ nuɖuvɔsa si wowɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la akpe ɖe nyitsu la ŋu, nàtsɔ wɔ lita ene kple afã akpe ɖe agbo la ŋu," data/train/NUM/NUM_003_Verse_005.mp3,elabena wotsɔ wo katã na Aron abe Israelviwo katã ƒe teƒenɔlawo ene. data/train/NUM/NUM_008_Verse_018.mp3,Wonye tɔnyewo le Israelviwo katã dome. Mexɔ wo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo katã teƒe; mexɔ Levi ƒe viwo abe teƒenɔlawo ene. data/train/NUM/NUM_014_Verse_007.mp3,"hegblɔ na Israel ha blibo la be, “Anyigba si dzi míeto hetsa ŋku le la nyo ŋutɔ." data/train/NUM/NUM_017_Verse_003.mp3,Ele be Aron ƒe ŋkɔ nanɔ Levi ƒe viwo ƒe to la tɔ dzi. data/train/NUM/NUM_035_Verse_013.mp3,"eye hlɔ̃biala la kpɔe le du la godo hewui la, ekema hlɔ̃biala la medo hlɔ̃ o," data/train/NUM/NUM_014_Verse_031.mp3,“Va se ɖe ɣe ka ɣie ameha vɔ̃ɖi sia alĩ liʋĩliʋĩ ɖe ŋutinye? Mese Israelvi liʋĩliʋĩlĩla siawo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ. data/train/NUM/NUM_015_Verse_043.mp3,"Yehowa ƒe se siwo wode na mi to edzi tso gbe si gbe Yehowa de wo, woayi edzi to dzidzime siwo gbɔna me," data/train/NUM/NUM_035_Verse_019.mp3,“Mina woƒe lãnyiƒewo nakeke mita alafa ene blaatɔ̃ tso duawo ƒe gliwo gbɔ do ɖe afi sia afi. data/train/NUM/NUM_035_Verse_026.mp3,"Ne woƒu kpe gã aɖe ame aɖe wòku la, hlɔ̃dodoe; woawu hlɔ̃dola la hã." data/train/NUM/NUM_034_Verse_030.mp3,"“Ɖe gbe na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo Kanaan la, anyigba si woana mi abe domenyinu ene la ƒe liƒowo ayi ale:" data/train/NUM/NUM_029_Verse_001.mp3,"Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã. Esia akpe ɖe avuléŋkeke la ƒe nu vɔ̃ vɔsa si miesana ƒe sia ƒe le ŋkeke ma dzi la ŋuti, hekpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.”" data/train/NUM/NUM_036_Verse_010.mp3,"Woɖe srɔ̃ le Manase, Yosef ƒe viŋutsu ƒe dzidzimeviwo dome, ale woƒe domenyinu la tsi wo fofo ƒe ƒome kple hlɔ̃ la me." data/train/NUM/NUM_030_Verse_007.mp3,"Ke ne ŋutsu la megblɔ nya aɖeke o, eye ŋkeke ɖeka va yi la, ekema elɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi." data/train/NUM/NUM_020_Verse_020.mp3,"Mose kɔ atikplɔ la dzi, eye wòƒo agakpe la zi eve. Enumake tsi do bababa tso agakpe la me ameawo kple woƒe lãwo no." data/train/NUM/NUM_002_Verse_007.mp3,"ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (46,500)." data/train/NUM/NUM_029_Verse_030.mp3,"Miaƒe gbe ma gbe ƒe numevɔsa tɔxɛ la ado dzidzɔ gã ŋutɔ na Yehowa. Miasa vɔ sia kple nyitsuvi wuietɔ̃, agbo eve kple agbovi wuiene siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo le go ɖe sia ɖe me." data/train/NUM/NUM_034_Verse_013.mp3,"“ ‘Miaƒe anyigba la ƒe anyigbeme ƒe liƒo anye Zin gbegbe la, ato Edom ƒe liƒo dzi. Miaƒe anyigba ƒe dzieheliƒo anye Dzeƒu la," data/train/NUM/NUM_031_Verse_021.mp3,"Mixɔ nunana sia ƒe afã le wo si, eye miatsɔe na nunɔla Eleazar abe Yehowa ƒe gome ene." data/train/NUM/NUM_026_Verse_059.mp3,Yosef ƒe viwoe nye Manase kple Efraim: data/train/NUM/NUM_010_Verse_016.mp3,"Manase ƒe to la nɔ Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te kplɔ wo ɖo," data/train/NUM/NUM_026_Verse_006.mp3,"Ame siwo wotia xlẽ le Naftali ƒe hlɔ̃ me la nye ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ene (45,400)." data/train/NUM/NUM_001_Verse_045.mp3,"Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Aser ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu." data/train/NUM/NUM_019_Verse_008.mp3,Esia nye se na mi tegbetegbe. Ele be ame si hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe amea ŋu la nanya eƒe awuwo emegbe. Ame sia ame si ka asi tsi la ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. data/train/NUM/NUM_027_Verse_015.mp3,"Ne vinyɔnu aɖeke menɔ esi o hã la, ekema eƒe domenyinu ayi nɔvia ŋutsu ƒe asi me." data/train/NUM/NUM_011_Verse_030.mp3,"Yehowa ɖiɖi le lilikpo la me, ƒo nu kple Mose, eye woɖe gbɔgbɔ si nɔ Mose dzi la ƒe akpa aɖe da ɖe ametsitsi blaadreawo dzi. Esi gbɔgbɔ la ɖiɖi ɖe wo dzi la, wogblɔ nya ɖi ɣeyiɣi aɖe." data/train/NUM/NUM_022_Verse_028.mp3,"Le zã me la, Mawu va Balaam gbɔ, eye wòbiae be, “Ame kawoe nye ame siawo?”" data/train/NUM/NUM_006_Verse_010.mp3,"Le ŋkeke enyilia gbe la, ele be wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ayi na nunɔla le agbadɔ la ƒe mɔnu." data/train/NUM/NUM_011_Verse_004.mp3,"Emegbe la, Mose kple Israelviwo ƒe ametsitsiawo trɔ yi asaɖa la me." data/train/NUM/NUM_029_Verse_017.mp3,kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. data/train/NUM/NUM_022_Verse_029.mp3,"Mawu gblɔ na Balaam be, “Mègayi ɖaƒo fi de wo o, elabena meyra wo xoxo!”" data/train/NUM/NUM_007_Verse_181.mp3,"Kpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu ƒe nunanawo." data/train/NUM/NUM_030_Verse_010.mp3,"Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa alo ka atam hetsri nane na eɖokui la, mele be wòada le eƒe nya dzi o, ke boŋ ele be wòawɔ ɖe nya sia nya si wògblɔ la dzi." data/train/NUM/NUM_033_Verse_054.mp3,Woƒu asaɖa anyi ɖe teƒe vovovowo le Yɔdan tɔsisi la to tso Bet Yesimot va se ɖe Abel Sitim le Moab tagba. data/train/NUM/NUM_032_Verse_001.mp3,Ale Mose tsɔ Gileadnyigba na Manase ƒe vi Makir eye wonɔ afi ma. data/train/NUM/NUM_001_Verse_034.mp3,Ke womexlẽ Levi ƒe viwo ƒe ƒomewo kple aƒewo kpe ɖe wo ŋuti o. data/train/NUM/NUM_015_Verse_045.mp3,"“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si dzi mele mia kplɔm yi dzi," data/train/NUM/NUM_028_Verse_003.mp3,"Esia nye dzovɔsa si meɖo na mi le Sinai to la dzi be miatsɔ wo nam le ɣeyiɣi ɖoɖoawo dzi, wòanye dzovɔ si wosa na Yehowa, eye wòʋẽna lĩlĩlĩ." data/train/NUM/NUM_029_Verse_012.mp3,"Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hena avuléle ɖe miawo ŋutɔ ta." data/train/NUM/NUM_030_Verse_001.mp3,Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose tso ale si srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome nanɔ kple ale si fofo kple vinyɔnu dome nanɔ la ŋu. data/train/NUM/NUM_031_Verse_016.mp3,"Le Yehowa ƒe ɖoɖowo nu la, Mose tsɔ nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe blaatɔ̃lia ƒe ɖeka le Israelviwo tɔ ŋu hena Levi ƒe viwo, ame siwo wɔa dɔ le Yehowa ƒe agbadɔ la me." data/train/NUM/NUM_007_Verse_199.mp3,"Le ŋkeke ewoa gbe la, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, Dan ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ." data/train/NUM/NUM_028_Verse_007.mp3,"Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa avulévɔ ɖe mia ɖokuiwo ta." data/train/NUM/NUM_034_Verse_011.mp3,"kple Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Tso afi ma la, aɖiɖi aƒo xlã gbã, aɖo ta anyigbeme gome, atrɔ aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo va se ɖe esime wòaɖo Galilea ƒu la ƒe anyigbeme nu tututu." data/train/NUM/NUM_009_Verse_012.mp3,“Na Israelviwo naɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le eƒe ɣeyiɣi la dzi. data/train/NUM/NUM_008_Verse_005.mp3,"Eya ta nàtia Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo katã dome, eye Levi ƒe viwo azu tɔnye." data/train/NUM/NUM_028_Verse_005.mp3,eye miatsɔ wɔ ma lita eve akpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. data/train/NUM/NUM_019_Verse_009.mp3,"“Esiae nye se si Yehowa de. Migblɔ na Israelviwo be woatsɔ nyinɔ dzĩ si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la vɛ na mi." data/train/NUM/NUM_031_Verse_031.mp3,"Nunɔla Eleazar gblɔ na aʋadelawo katã be, “Esia nye se si Yehowa de na Mose" data/train/NUM/NUM_022_Verse_023.mp3,"Fia la gblɔ be, ameha gã aɖe tso Egipte va ɖo yeƒe anyigba ƒe liƒo dzi, eye wòdi be mayi enumake aɖaƒo fi ade wo na ye, ale be yeate ŋu awɔ aʋa kpli wo, aɖu wo dzi.”" data/train/NUM/NUM_032_Verse_035.mp3,"Wo dometɔ siwo ko ade Ŋugbedodonyigba la dzie nye Kaleb, Yefune, Kenizitɔ la ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, elabena woawo dze Yehowa yome kple woƒe dzi blibo, eye wode dzi ƒo na ameawo be woayi Ŋugbedodonyigba la dzi.’" data/train/NUM/NUM_009_Verse_016.mp3,"Ne lilikpo la ho la, Israelviwo dzea mɔ, ɖea zɔ va se ɖe afi si lilikpo la natɔ ɖo, eye woƒua asaɖa anyi ɖe afi ma." data/train/NUM/NUM_031_Verse_038.mp3,"tedzi akpe blaetɔ̃, alafa atɔ (30,500), wotsɔ wo dome blaade-vɔ-ɖekɛ na Yehowa;" data/train/NUM/NUM_021_Verse_025.mp3,"Tso afi sia la, Israelviwo zɔ mɔ yi Beer. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Vudo.” Afi siae Yehowa gblɔ na Mose le be, “Ƒo ameawo nu ƒu, eye mana tsi wo.”" data/train/NUM/NUM_022_Verse_026.mp3,"Ke Mawu do dɔmedzoe ŋutɔ esi Balaam yina, eye Yehowa ƒe dɔla tsi tsitre ɖe mɔa dzi be yeatsi tsitre ɖe eŋu. Ke Balaam nɔ eƒe tedzi dzi, eye eƒe subɔla eve nɔ eŋu." data/train/NUM/NUM_034_Verse_015.mp3,Miaƒe ɣedzeƒeliƒo atso Hazar Enan aɖo ta anyigbeme ayi Sefam data/train/NUM/NUM_031_Verse_048.mp3,"woɖe aboyo amewo, eye woha woƒe lãwo katã." data/train/NUM/NUM_020_Verse_022.mp3,"Nu ka koŋkoŋkoŋ ta nèna míedzo le Egipte, eye nèkplɔ mí va teƒe sesẽ sia ɖo? Ègblɔ na mí be míayi anyigba nyui si dzi nuku wɔnukuwo abe gbotiwo, wain tsetsewo kple yevuboɖatiwo ene le. Anyigba si ƒe nya nègblɔ na mí ɖe? Tsi teti gɔ̃ hã meli ade mía nu míano le afi sia o!”" data/train/NUM/NUM_034_Verse_021.mp3,To eve kple afã siawo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Yeriko kasa.” data/train/NUM/NUM_032_Verse_036.mp3,"Woɖo eŋu be, “Míawɔ nenema o, ke boŋ míatu lãkpowo na míaƒe lãwo, eye míatso duwo na mía viwo ɖe afi sia." data/train/NUM/NUM_026_Verse_044.mp3,"Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Ruben ƒe viwoe nye Hanok, ame si dzi Hanok hlɔ̃ la. Palu, ame si dzi Palu hlɔ̃ la," data/train/NUM/NUM_022_Verse_037.mp3,"Tete Yehowa ʋu Balaam ƒe ŋkuwo. Ekpɔ mawudɔla la wòtsi tsitre ɖe mɔa dzi, eye wòlé yi ɖe asi. Enumake Balaam mlɔ anyigba le mawudɔla la ŋkume." data/train/NUM/NUM_013_Verse_032.mp3,"Ŋkutsala bubuawo gblɔ be, “Miate ŋu aɖadze wo dzi o, elabena wosesẽ wu mi.”" data/train/NUM/NUM_026_Verse_034.mp3,Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ siwo me woxlẽ ame le le amexexlẽa me la kple ame siwo me wodzɔ tso la woe nye: Gerson dzi Gerson hlɔ̃; Kohat dzi Kohat hlɔ̃; Merari dzi Merari hlɔ̃. data/train/NUM/NUM_002_Verse_019.mp3,"“Ele be agbadɔtuƒe, aflagati kple aflaga tɔxɛ nanɔ Israelviwo ƒe to ɖe sia ɖe si. Mawu ƒe Agbadɔ la nanɔ to vovovoawo ƒe agbadɔtuƒewo ƒe titina.”" data/train/NUM/NUM_026_Verse_048.mp3,"Simeon ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Nemuel, ame si dzi Nemuel hlɔ̃ la, Yamin, ame si dzi Yamin hlɔ̃ la, Yakin, ame si dzi Yakin hlɔ̃ la," data/train/NUM/NUM_014_Verse_018.mp3,Miatsa tsaglalã le gbedzi abe alẽnyilawo ene ƒe blaene. Ale miaxe fe ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe esime mia dometɔ mamlɛtɔ naku ɖe gbedzi. data/train/NUM/NUM_006_Verse_017.mp3,"Nunɔla la anye wo katã le yame, tso afii yi afi mɛ le Yehowa ŋkume abe vɔsa ene. Wonye nunana kɔkɔe na nunɔla la kpe ɖe eƒe axa kple abɔ siwo wònye le yame le Yehowa ŋkume la ŋuti. Le esia megbe la, adzɔgbeɖela la ate ŋu ano wain azɔ, elabena evo tso eƒe adzɔgbeɖeɖe me." data/train/NUM/NUM_033_Verse_006.mp3,"Esi wodzo le Elim la, woƒu asaɖa anyi ɖe Ƒu Dzĩ la to," data/train/NUM/NUM_031_Verse_025.mp3,Mose kple nunɔla Eleaza xɔ sikawo le ame siwo woɖo ame akpewo kple ame alafawo nu la si eye wotsɔ nunana sia ɖadzra ɖo ɖe agbadɔ la me le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzinu na Israelviwo ene. data/train/NUM/NUM_035_Verse_024.mp3,"“ ‘Ne wodrɔ̃ ʋɔnu ame aɖe, tso nya me be ewu ame la, ekema ele be woawui kokoko. Womaxe alo axɔ naneke ɖe eƒe agbe ta o." data/train/NUM/NUM_001_Verse_010.mp3,"Ame siwo wotia, xlẽ le Gad ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃ (45,650), alafa ade blaatɔ̃." data/train/NUM/NUM_016_Verse_037.mp3,"Mose kple Aron yi agbadɔ la ŋgɔ," data/train/NUM/NUM_018_Verse_012.mp3,“Metsɔ Israelviwo ƒe nuwo ƒe ewolia na Levi ƒe viwo abe woƒe domenyinu ene le woƒe dɔ si wowɔna le agbadɔ me la ta. data/train/NUM/NUM_001_Verse_011.mp3,"Ame siwo wotia, xlẽ le Isaka ƒe to la me le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-ene, alafa ene (54,400)." data/train/NUM/NUM_005_Verse_031.mp3,"“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ tra mɔ, meɖi anukware nɛ o," data/train/NUM/NUM_022_Verse_012.mp3,"Balaam ʋu eme na mawudɔla la be, “Mewɔ nu vɔ̃. Nyemenya be ènɔ afi ma o. Ne mèdi be magayi nye mɔzɔzɔ la dzi o la, matrɔ ayi aƒe.”" data/train/NUM/NUM_026_Verse_029.mp3,"Gilead ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye esiawo. Yezer, ame si dzi Yezer hlɔ̃ la, Helek, ame si dzi Helek hlɔ̃ la," data/train/NUM/NUM_016_Verse_036.mp3,"Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume, eye woƒo koko nɛ gblɔ be, “O! Mawu, amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu, ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe ameawo katã ŋuti esi wònye ame ɖeka koe wɔ nu vɔ̃a?”" data/train/NUM/NUM_031_Verse_044.mp3,"wotsɔ wo dome alafa ade, blaadre-vɔ-atɔ̃ (675) na Yehowa;" data/train/NUM/NUM_026_Verse_055.mp3,"Woma Beria hlɔ̃ la ɖe akpa eve me: Heber hlɔ̃ si dzɔ tso Beria ƒe viŋutsu Heber me, Malxiel hlɔ̃ si dzɔ tso Beria ƒe vi Malxiel me." data/train/NUM/NUM_014_Verse_013.mp3,"Ke nye dɔla, Kaleb ya nye ame bubu aɖe kura, eɖo tom ale si dze. Makplɔe ayi anyigba si dzi wòde abe ŋkutsala ene la, eye eƒe dzidzimeviwo akpɔ woƒe gome dedie le eme." data/train/NUM/NUM_027_Verse_020.mp3,"yi nunɔla Eleazar gbɔ, eye nàtsɔ ameawo kpɔkplɔ de esi le ameawo katã ŋkume." data/train/NUM/NUM_002_Verse_023.mp3,"Eye Gad ƒe to la nakpe ɖe wo ŋu. Gad ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu," data/train/NUM/NUM_014_Verse_017.mp3,"Mi katã miaku ɖe gbedzi le afi sia! Ame ɖeka pɛ si xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame si lĩ liʋĩliʋĩ le ŋutinye gɔ̃ hã la" data/train/NUM/NUM_014_Verse_028.mp3,"O! Meɖe kuku na wò, tsɔ ameawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo le wò lɔlɔ̃ triakɔ si metrɔna o la ta, abe ale si nètsɔ nu vɔ̃wo ke wo ɣe sia ɣi tso esime míedzo le Egipte va se ɖe fifia ene.”" data/train/NUM/NUM_015_Verse_026.mp3,Se ɖeka mawo ke nanɔ ameha la si na mi kple amedzro siwo le mia dome la siaa elabena miesɔ le Yehowa ƒe ŋkume. Esia nye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo gbɔna. data/train/NUM/NUM_006_Verse_021.mp3,"Yehowa atrɔ mo ɖe gbɔwò, eye wòana ŋutifafa wò.” ’" data/train/NUM/NUM_015_Verse_042.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Ele be ŋutsu la naku. Ele be ameawo katã naƒu kpee le asaɖa la godo wòaku.”" data/train/NUM/NUM_029_Verse_013.mp3,"Kpe ɖe esiawo ŋu la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo kple nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ŋu abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene." data/train/NUM/NUM_032_Verse_038.mp3,Yehowa na míetsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene va se ɖe esime dzidzime vɔ̃ɖi ma tsrɔ̃ keŋkeŋ. data/train/NUM/NUM_011_Verse_002.mp3,"Ameawo fɔnɛ le anyigba, tonɛ le to me, ɖanɛ eye wòwɔa tatalĩ si vivina abe tatalĩ si wotɔ le ami me ene." data/train/NUM/NUM_007_Verse_185.mp3,"Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu ƒe nunanawo." data/train/NUM/NUM_032_Verse_024.mp3,"Míawo ŋutɔ míabla akpa, adze ŋgɔ na Israelvi bubuawo va se ɖe esime míakplɔ wo, woƒe asi naka woƒe domenyinu la dedie. Ke ele be míatso duwo, aɖo gli aƒo xlã wo na mía srɔ̃wo kple mía viwo gbã, ale be afi sia tɔwo maho aʋa ɖe wo ŋu o." data/train/NUM/NUM_032_Verse_010.mp3,"Eya ta wogblɔ na Mose kple nunɔla Eleazar kple toawo ƒe kplɔlawo be," data/train/NUM/NUM_022_Verse_017.mp3,"Esi tedzi la kpɔe wònɔ tsitre ɖe afi ma la, edze nɛ to glikpɔ ɖeka ŋu tututu, eye wòna Balaam ƒe afɔwo lili ɖe glikpɔ la ŋu. Ale Balaam gaƒoe." data/train/NUM/NUM_001_Verse_006.mp3,"Ame siwo wotia, xlẽ le Aser ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃ (41,500)." data/train/NUM/NUM_031_Verse_001.mp3,Ale Mose kple nunɔla Eleazar wowɔ se siwo Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi. data/train/NUM/NUM_014_Verse_040.mp3,Yosua kple Yefune ƒe vi Kaleb koe susɔ le ŋkutsalawo dome. data/train/NUM/NUM_005_Verse_018.mp3,"ne ŋutsu la le ŋu ʋãm, eye wòbu be ye srɔ̃ gblẽ kɔ ɖo, alo ne eʋã ŋu togbɔ be srɔ̃a megblẽ kɔ ɖo o hã la," data/train/NUM/NUM_022_Verse_039.mp3,"Wowɔ takpekpe kple Midiantɔwo ƒe kplɔlawo enumake. Wogblɔ be, “Ameha gã sia aɖu mí abe ale si nyitsu ɖua gbe ene.” Ale Balak, Zipɔr ƒe vi, ame si nye Moab fia ɣe ma ɣi la," data/train/NUM/NUM_016_Verse_008.mp3,"Aron wɔ nu si Mose ɖo nɛ. Eƒu du yi ameawo dome, elabena dɔvɔ̃ la to xoxo. Etɔ dzo dzudzɔdonu la, eye wòlé avu ɖe wo nu." data/train/NUM/NUM_031_Verse_043.mp3,"Wotsɔ nu siwo katã nye Yehowa tɔ la na nunɔla Eleazar, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene." data/train/NUM/NUM_014_Verse_015.mp3,"made Ŋugbedodonyigba la dzi o. Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, koe aɖo anyigba la dzi." data/train/NUM/NUM_023_Verse_006.mp3,"Balaam gblɔ na Balak be, “Tsi tsitre ɖe afi sia, ɖe wò numevɔsa la gbɔ ne mayi aɖado go Yehowa.”" data/train/NUM/NUM_006_Verse_007.mp3,"Kpe ɖe esiawo ŋu la, agana abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã kusi ɖeka, akpɔnɔ siwo wowɔ kple wɔ memee si dzi wokɔ ami ɖo, aboŋgo si wowɔ kple wɔ maʋamaʋã si dzi wokɔ ami ɖo, eye wòagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe nu siawo ŋu." data/train/NUM/NUM_032_Verse_027.mp3,"Mose bia wo be, “Ɖe miedi be yewoatsi afi sia ne mia nɔviwo ya natso tɔsisi la, eye woawo ɖeɖe nayi aɖawɔ aʋa kple afi ma tɔwoa?" data/train/NUM/NUM_003_Verse_038.mp3,"Wo dome ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la ƒe xexlẽme le ame akpe ade alafa eve (6,200)." data/train/NUM/NUM_023_Verse_026.mp3,"Mele wo kpɔm tso agakpe tame. Melé ŋku ɖe wo ŋu tso togbɛwo dzi, wole wo ɖokui si, nye dukɔ tɔxɛ aɖe. Si mebua eɖokui kple dukɔ bubuwo o." data/train/NUM/NUM_034_Verse_014.mp3,"Miaƒe dzigbemeliƒo adze egɔme tso Domeƒu la ŋu, aɖo ta ɣedzeƒe, ayi Hor to la gbɔ." data/train/NUM/NUM_012_Verse_011.mp3,"Wogblɔ be, “Ɖe Yehowa ƒo nu to Mose ɖeɖe ko dzia? Ɖe meƒo nu to míawo hã dzi oa?” Ke Yehowa se nya sia." data/train/NUM/NUM_018_Verse_029.mp3,"“Ƒo nu na Levi ƒe viwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miexɔ nu ewolia si metsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene tso Israelviwo si la, ele na mi be miatsɔ nu ewolia mawo ƒe ewolia abe vɔsa na Yehowa ene." data/train/NUM/NUM_006_Verse_002.mp3,"“ ‘Esiawoe nye se siwo ku ɖe ame si ɖe adzɔgbe be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga ɣeyiɣi aɖe na Yehowa kple eƒe vɔsawo ne ɣeyiɣi la wu enu la ŋu. Hekpe ɖe vɔsa siawo ŋu la, ele be adzɔgbeɖela la nagana nu bubu siwo ŋugbe wòdo le eƒe adzɔgbeɖeɣi.’ ”" data/train/NUM/NUM_005_Verse_004.mp3,"ekema nunɔla la aka atam agblɔ fiƒodenyawo na nyɔnu la be, “Yehowa nana wò amewo naƒo fi ade wò, eye woagbe nu le gbɔwò; nena be wò ataŋuyi naflo ɖa, eye ƒo nadzi ɖe nuwò." data/train/NUM/NUM_016_Verse_011.mp3,"Egblɔ na Korah kple ame siwo le eŋu la be, “Le ŋdi la, Yehowa afia ame siwo nye etɔwo, ame si le kɔkɔe kple ame si wòtia abe nunɔla ene la mi." data/train/NUM/NUM_008_Verse_016.mp3,“Se sia ku ɖe Levi ƒe viwo ŋu. Ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ la ava awɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋuti dɔ. data/train/NUM/NUM_026_Verse_040.mp3,"Naftali ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye: Yahzil, ame si dzi Yahzil hlɔ̃ la, Guni, ame si dzi Guni hlɔ̃ la," data/train/NUM/NUM_010_Verse_023.mp3,"Ne woku kpẽ eveawo ƒo ƒui la, ameawo anya be, ele be yewoakpe ta le agbadɔ la ƒe mɔnu." data/train/NUM/NUM_001_Verse_009.mp3,"Ame siwo wotia, xlẽ le Efraim ƒe to la me le ame akpe blaene, alafa atɔ̃ (40,500)." data/train/NUM/NUM_033_Verse_018.mp3,"Le Moab tagba, le Yɔdan nu le Yeriko kasa la, Yehowa gblɔ na Mose be," data/train/NUM/NUM_014_Verse_016.mp3,makpɔ anyigba si ŋugbe medo na ame siawo tɔgbuiwo o. data/train/NUM/NUM_016_Verse_009.mp3,"be wòanye ŋkuɖodzinu na Israelviwo be ame sia ame si menye Aron ƒe dzidzimevi o la mekpɔ mɔ ava Yehowa ŋkume, eye wòado dzudzɔ o; ne menye nenema o la, nu si wɔ Korah kple eyomedzelawo la awɔ eya hã. Ale wowɔ ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose la dzi." data/train/NUM/NUM_015_Verse_020.mp3,"Nunovɔsa si akpe ɖe eŋu la anye wain lita eve. Woatsɔ dzo asa vɔ sia, eye wòadze Yehowa ŋu." data/train/NUM/NUM_009_Verse_014.mp3,"Ne enɔ anyi wòdidi la, woawo hã wonɔa anyi ɣeyiɣi didi ma ke. Ke ne enɔ anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko la, ekema Israelviwo hã wonɔa anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, elabena nenemae Yehowa ɖo na wo." data/train/NUM/NUM_013_Verse_021.mp3,"ne miakpɔ ale si anyigba la le. Mikpɔ ale si ame siwo le anyigba la dzi hã le, ne wonye ame sesẽwo alo ame benɔewo, ne wosɔ gbɔ alo womesɔ gbɔ o." data/train/NUM/NUM_020_Verse_015.mp3,"Ke Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Zi ale si mieɖo ŋu ɖe ŋunye o, eye miekɔ ŋutinye le Israelviwo ŋkume o ta la, miakplɔ Israelviwo ade anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi o!”" data/train/NUM/NUM_028_Verse_012.mp3,"Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o." data/train/NUM/NUM_007_Verse_191.mp3,"Lã siwo katã wotsɔ vɛ hena numevɔsa la le nyi wuieve, agbo wuieve, agbovi wuieve siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, hekpe ɖe wo ŋu nuɖuvɔsanuwo ŋu; gbɔ̃tsu wuieve siwo woatsɔ awɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsae." data/train/NUM/NUM_023_Verse_000.mp3,Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Peor to la dzi le gbegbe la tame. data/train/NUM/NUM_026_Verse_061.mp3,"Yuda ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Sela, ame si dzi Sela hlɔ̃ la, Perez, ame si dzi Perez hlɔ̃ la, Zera, ame si dzi Zera hlɔ̃ la," data/train/NUM/NUM_001_Verse_022.mp3,"Esiawoe nye ame siwo Mose kple Aron kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo tia xlẽ. Kplɔlawo le ame wuieve: to ɖeka, kplɔla ɖeka" data/train/NUM/NUM_004_Verse_047.mp3,Xlẽ ŋutsu siwo katã xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃ le ame siwo va be yewoawɔ agbadɔ la ŋu dɔwo dome data/train/NUM/NUM_004_Verse_046.mp3,"“Xlẽ Gerson ƒe viŋutsuwo ɖe Levi ƒe viwo dome," data/train/NUM/NUM_034_Verse_005.mp3,elabena Ruben ƒe viwo ƒe to la kple Gad ƒe viwo ƒe to la kple Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã xɔ woƒe domenyinu xoxo. data/train/NUM/NUM_006_Verse_012.mp3,"“ ‘Le ɣeyiɣi si me wòɖe eɖokui ɖe aga na Yehowa la, mate ɖe ame kuku ŋu o." data/train/NUM/NUM_020_Verse_009.mp3,"eye wowɔ takpekpe ɖe Mose kple Aron ŋu. Wodo ɣli ɖe Mose ta gblɔ be, “Ɖe míawo hã míaku kple mía nɔvi lɔlɔ̃a siwo Yehowa wu hafi!" data/train/NUM/NUM_011_Verse_018.mp3,"Mose gblɔ be, “Ŋutsuawo ɖeɖe de akpe alafa ade, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o; le esime nèdo ŋugbe be yeana lã wo ɣleti blibo ɖeka!" data/train/NUM/NUM_029_Verse_024.mp3,"“Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke adrelia gbe la, misa vɔ kple nyitsu adre, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka. Vɔsalã siawo nade blibo." data/train/NUM/NUM_001_Verse_015.mp3,"Ame siwo wotia, xlẽ le Simeon ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃ (59,300)." data/train/NUM/NUM_022_Verse_033.mp3,Mitsi afi sia dɔ ale be makpɔe ɖa be Yehowa agatsɔ nane akpe ɖe nya si wògblɔ nam zi gbãtɔ la ŋu mahã.” data/train/NUM/NUM_016_Verse_030.mp3,"“Mite ɖa le ame siawo gbɔ, ale be mate ŋu atsrɔ̃ wo enumake.” Ke Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume." data/train/NUM/NUM_003_Verse_019.mp3,"Ke Aron ƒe viŋutsuwo koe awɔ nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo. Ame bubu ɖe sia ɖe si atɔ asi akɔ be yeawɔ nunɔlawo ƒe dɔ la, woawui.”" data/train/NUM/NUM_018_Verse_023.mp3,"Yehowa axɔ nu sia na mi abe miaƒe lu kple waintsetse gbãtɔwo ƒe nunana ene, abe ɖe wotso miawo ŋutɔ miaƒe agblewo me ene." data/train/NUM/NUM_004_Verse_024.mp3,"“Le esia megbe la, woatsɔ aɖabɛ blɔtɔ la akeke ɖe ŋkumeɖobolo la ƒe kplɔ̃ la dzi, eye woatsɔ agbawo, gatsiwo, trewo kple kpluwo kple abolo la ada ɖe avɔ la dzi." data/train/NUM/NUM_001_Verse_049.mp3,"Yosef ƒe viwo tɔe nye esi: Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Efraim ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu." data/train/NUM/NUM_025_Verse_006.mp3,"Eya ta gblɔ nɛ be, mele nye ŋutifafa ƒe nubabla wɔm kplii." data/train/NUM/NUM_021_Verse_000.mp3,Ale Israelviwo nɔ Amoritɔwo ƒe anyigba dzi. data/train/NUM/NUM_022_Verse_016.mp3,"Esi tedzi la kpɔ Yehowa ƒe dɔla wòtsi tsitre ɖe mɔa dzi, eye yi le esi la, edzo le mɔa dzi yi gbe me. Balaam ƒoe be wòatrɔ ayi mɔ la dzi." data/train/NUM/NUM_023_Verse_018.mp3,"Esi Balaam trɔ gbɔ la, fia la kple Moab fiaviwo katã wonɔ tsitre ɖe numevɔsawo gbɔ." data/train/NUM/NUM_021_Verse_002.mp3,"Ale Yehowa dɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe Israelviwo dome woɖu ame geɖewo, eye woku." data/train/NUM/NUM_032_Verse_008.mp3,"‘Esi miedze yonyeme kple dzi blibo o ta la, ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame siwo tso Egipte la dometɔ ɖeka pɛ hã makpɔ anyigba si ŋugbe medo kple atam na Abraham, Isak kple Yakob o." data/train/NUM/NUM_016_Verse_005.mp3,"Ale woyi tsiẽƒe agbagbe kple woƒe nunɔamesiwo katã, eye anyigba tu ɖe wo nu, hetsrɔ̃ wo, eye wodo ɖa le ameha la dome." data/train/NUM/NUM_022_Verse_025.mp3,"Ke Balaam ɖo eŋu be, “Ne Balak tsɔ fiasã si klosalo kple sika yɔ gɔ̃ hã anam la, nyemate ŋu awɔ naneke si atsi tsitre ɖe Yehowa, nye Mawu ƒe gbeɖeɖe ŋu o." data/train/NUM/NUM_035_Verse_007.mp3,"Du siawo anɔ anyigba la ƒe akpa vovovowo. To siwo lolo, eye du geɖewo le wo si la, woana duawo Levi ƒe viwo wòasɔ gbɔ, ke to suewo ana du ʋɛ aɖewo Levi ƒe viwo.”" data/train/NUM/NUM_035_Verse_021.mp3,"“Mitsɔ Sitsoƒedu adeawo na Levi ƒe viwo. Ne ame aɖe wu ame le nu maɖowɔ me, eye wòƒu du ge ɖe Sitsoƒedu ade siawo kple du blaene-vɔ-eve bubu me la, anɔ dedie." data/train/NUM/NUM_022_Verse_035.mp3,"Tedzi la gabiae be, “Ɖe mewɔ nu sia tɔgbi aɖe kpɔ le nye agbenɔnɔ blibo mea?” Balaam ɖo eŋu be, “Ao.”" data/train/NUM/NUM_016_Verse_029.mp3,"Mesɔ gbɔ na mi be Israel ƒe Mawu la ɖe mi ɖa tso Israel ƒe ameha la me, kplɔ mi te ɖe eɖokui ŋu be miawɔ dɔ le Yehowa ƒe Agbadɔ la me, eye miatsi tsitre ɖe ameha la ŋkume asubɔ wo oa?" data/train/NUM/NUM_007_Verse_202.mp3,"Nu siwo Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo na be woatsɔ akɔ vɔsamlekpui la ŋu, esi wosi ami nɛ lae nye: klosalogba wuieve, klosalogba wuieve kple sikanutɔgba wuieve." data/train/NUM/NUM_032_Verse_039.mp3,Ɖe miedi be yewoaɖe dzi le Israelviwo ƒo be womagatso tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si ƒe ŋugbe Yehowa do na wo oa? data/train/NUM/NUM_001_Verse_037.mp3,"Levi ƒe viwo ƒe agbadɔwo aƒo xlã Mawu ƒe Agbadɔ la, eye woanɔ eŋu dzɔm, ale be ame aɖeke mate ɖe eŋu, ana be nye dɔmedzoe nafla, eye matsrɔ̃ Israel dukɔ la o.”" data/train/NUM/NUM_006_Verse_024.mp3,"Ŋkeke ale si wònye Nazaritɔ ko la, maɖu naneke si do tso waintsetse me o; maɖu kuawo alo tsroa gɔ̃ hã o." data/train/NUM/NUM_028_Verse_025.mp3,"Woatsɔ nunovɔsanu, si nye wain sesẽ lita ɖeka la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woatrɔ wain la le kɔkɔeƒe le Yehowa ŋkume." data/train/NUM/NUM_023_Verse_001.mp3,"Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Zofim gbedzi le Pisga to la tame. Etu vɔsamlekpui adre ɖe afi ma, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi." data/train/NUM/NUM_031_Verse_011.mp3,"eye wogblɔ nɛ be, “Wò dɔlawo xlẽ asrafo siwo le mía te la, eye wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mebu o." data/train/NUM/NUM_007_Verse_240.mp3,"sikanutɔgba wuieve siwo dzudzɔdonu yɔ banaa, nutɔgba ɖeka ƒe kpekpemee nye gram blaeve-vɔ-enyi, wo katã ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã." data/train/NUM/NUM_014_Verse_034.mp3,"Wogblɔ nya sia na anyigba sia dzi nɔlawo, eye wonya nyuie be, wò Yehowa nèle Israel dzi, eye nèƒoa nu kplii ŋkume kple ŋkume. Wokpɔa lilikpo dodo la kple dzo bibi la wonɔa mía tame. Wonya be èkplɔa mí, eye nèkpɔa mía ta le ŋkeke me kple zã me siaa." data/train/NUM/NUM_005_Verse_014.mp3,"Ke ne nyɔnu la megblẽ kɔ ɖo o, eye wòdza la, woatso afia nɛ, eye wòagate ŋu adzi vi." data/train/NUM/NUM_022_Verse_032.mp3,"Mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Yi kple ameawo, gake nàgblɔ nu si meɖo na wò be nàgblɔ la ko.” Ale Balaam yi kple Balak ƒe ameawo." data/train/NUM/NUM_023_Verse_024.mp3,"Mawu menye amegbetɔ, aka aʋatso o. Metrɔa eƒe tameɖoɖo. Abe amegbetɔwo ene o. Ɖe wòdo ŋugbe kpɔ gbe edziwɔwɔa?" data/train/NUM/NUM_003_Verse_020.mp3,"Ke Nadab kple Abihu ku le Yehowa ŋkume le Sinai gbedzi esi wowɔ dzo makɔmakɔ ŋu dɔ le vɔsasa na Yehowa me. Esi vi aɖeke menɔ wo si o ta la, Eleazar kple Itamar koe susɔ akpe ɖe wo fofo, Aron ŋuti." data/train/NUM/NUM_010_Verse_010.mp3,"Ke Hobab gblɔ nɛ be, “Ao, ele be matrɔ ayi mía de aɖanɔ nye amewo dome.”" data/train/NUM/NUM_011_Verse_005.mp3,"Esi ame sia ame de asi lã la ɖuɖu me la, Yehowa do dɔmedzoe ɖe ameawo ŋu, eye wòtsɔ dɔvɔ̃ wu ame geɖewo." data/train/NUM/NUM_004_Verse_022.mp3,"kple woƒe ŋutsu siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃, ame siwo dze na dɔwɔwɔ le agbadɔ la me." data/train/NUM/NUM_003_Verse_000.mp3,"Ale Levi ƒe viwo katã, siwo Mose kple Aron xlẽ abe ale si Yehowa gblɔ ene, eye woxɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de ame akpe blaeve-vɔ-eve (22,000)." data/train/NUM/NUM_023_Verse_023.mp3,"Mawu kplɔ wo tso Egipte; Israel sẽ abe to ene. Fiƒode aɖeke mate ŋu anɔ Yakob dzi o," data/train/NUM/NUM_010_Verse_002.mp3,"“Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la koe kpɔ mɔ aku kpẽawo. Esia nye nuɖoanyi na mi tso dzidzime yi dzidzime." data/train/NUM/NUM_035_Verse_002.mp3,"“ ‘Ale womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la o, elabena hlɔ̃dodo gblẽa kɔ ɖo na anyigba la. Gawu la, nu si woate ŋu atsɔ alé avu ɖe hlɔ̃dodo ta koe nye hlɔ̃dola la wuwu." data/train/NUM/NUM_021_Verse_003.mp3,"Ameawo va Mose gbɔ hedo ɣli be, “Míewɔ nu vɔ̃, elabena míeƒo nu tsi tsitre ɖe wò kple Yehowa ŋu. Ɖe kuku na Yehowa na mí be wòaɖe dawo ɖa.” Ale Mose do gbe ɖa ɖe ameawo ta." data/train/NUM/NUM_012_Verse_010.mp3,"Mose ƒo koko na Yehowa kple ɣli be, “Da gbe le eŋu, O! Mawu, meɖe kuku na wò!”" data/train/NUM/NUM_016_Verse_003.mp3,Ale nunɔla Eleazar tsɔ akɔblidzudzɔdosonu alafa eve blaatɔ̃ la tu ga ɖeka hena vɔsamlekpui la dzi tsyɔtsyɔ data/train/NUM/NUM_014_Verse_026.mp3,Nu ka ŋuti Yehowa kplɔ mí va anyigba sia dzi be míatsi yi nu? Mía srɔ̃nyɔnuwo kple mía viwo azu nuhaha. Ɖe manyo wu ne míagbugbɔ ayi Egipte oa?” data/train/NUM/NUM_023_Verse_003.mp3,Ame siawo tsi tsitre abe dzatanɔ ene; womamlɔ anyi o. Va se ɖe esime woaɖu nu si wolé. Eye woano nu si wolé la ƒe ʋu!’ ” data/train/NUM/NUM_029_Verse_014.mp3,"Kpe ɖe esiawo ŋuti la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa siwo miesana ɖaa la ŋuti abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo ŋuti." data/train/NUM/NUM_011_Verse_017.mp3,"Mose dzo le agbadɔ la me, eye wògblɔ Yehowa ƒe nyawo na ameawo. Eƒo ƒu ametsitsi blaadreawo nu, eye wòna woƒo xlã agbadɔ la." data/train/NUM/NUM_015_Verse_022.mp3,"Nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔ eƒe nu vɔ̃ akee." data/train/NUM/NUM_007_Verse_231.mp3,"Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;" data/train/NUM/NUM_011_Verse_034.mp3,Ɖekakpui aɖewo ƒu du yi ɖagblɔ nya si dzɔ la na Mose. data/train/NUM/NUM_017_Verse_001.mp3,Ale Mose wɔ nu siwo Yehowa ɖo nɛ. data/train/NUM/NUM_024_Verse_024.mp3,"Wole adeklo dzi abe dzata ene, eye abe dzatanɔ ene la, ame ka ate ŋu anyɔ wo? “Woayra ame siwo yraa wò. Eye woaƒo fi ade ame siwo ƒoa fi dea wò!”" data/train/NUM/NUM_020_Verse_021.mp3,Mose wɔ nu si Mawu ɖo nɛ. Etsɔ atikplɔ la tso afi si wòdzrae ɖo le Yehowa ŋkume. data/train/NUM/NUM_031_Verse_027.mp3,Mose kple nunɔla Eleazar woxɔ sika kple aɖaŋunuwɔwɔwo le wo si. data/train/NUM/NUM_035_Verse_006.mp3,"Du siawo anye xɔnameteƒewo tso ame kuku la ƒe ƒometɔ siwo adi be yewoabia hlɔ̃ la ƒe asi me. Womawu hlɔ̃dola la o va se ɖe esime woadrɔ̃ ʋɔnui, akpɔe be eɖi fɔ." data/train/NUM/NUM_016_Verse_026.mp3,"“Gblɔ na Eleazar, Aron, nunɔla la ƒe viŋutsu be wòaɖe dzudzɔdonu mawo le dzo la me, eye wòakaka akawo ɖe teƒe didi aɖe, elabena dzoɖesonuawo le kɔkɔe" data/train/NUM/NUM_009_Verse_007.mp3,"Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woƒua asaɖa anyi, eye le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, wodzea mɔ. Wowɔa Yehowa ƒe gbe dzi le se si wòde to Mose dzi la nu." data/train/NUM/NUM_001_Verse_026.mp3,"Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Gad ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple woƒe aƒewo nu." data/train/NUM/NUM_013_Verse_010.mp3,"Israelviwo na ŋkɔ Balime sia be, Eskɔl, si gɔmee nye “Kpo ɖeka” le waintsetse si wokpɔ le afi ma ƒe kpo ɖeka ƒe lolo ta!" data/train/NUM/NUM_007_Verse_009.mp3,"Esi Mose yi agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, ese Gbe la wònɔ nu ƒom nɛ tso teƒe si le nubablaɖaka la ƒe amenuvevezikpui la tame le Kerubi eveawo tame." data/train/NUM/NUM_019_Verse_007.mp3,"Ele be wòakɔ eɖokui ŋuti le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbe kple tsi, si tso nyinɔ la ƒe afi me. Ekema eŋuti akɔ. Ne mewɔ esia le ŋkeke etɔ̃lia dzi o la, ekema eƒe ŋutimakɔmakɔ la ayi edzi adze le ŋkeke adrelia gɔ̃ hã ŋu." data/train/NUM/NUM_014_Verse_001.mp3,"“Azɔ la, wòaɖe Yehowa ƒe ŋusẽ afia abe ale si nèɖe gbeƒãe ene:" data/train/NUM/NUM_004_Verse_008.mp3,"Be woanɔ agbe, eye womaku o, ne wote ɖe nu kɔkɔewo ŋu la, miwɔ nu siawo na wo: Aron kple via ŋutsuwo ayi ɖe kɔkɔeƒe la, eye wòade dɔ si ame sia ame awɔ kple nu sia nu si wòakɔ la asi nɛ." data/train/NUM/NUM_036_Verse_006.mp3,"Le mɔ sia nu la, to la ƒe Israelnyigba ƒe akpa aɖeke mage ɖe to bubu me tɔwo ƒe asi me o, elabena ele be to sia to ƒe domenyinu nanɔ anyi tegbetegbe, abe ale si wònɔ esi womae gbã na wo la ene." data/train/NUM/NUM_018_Verse_021.mp3,"Woanɔ ŋuwò awɔ dɔ, siwo katã le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu. Ame sia ame si menye Levi ƒe vi o la mekpɔ mɔ akpe ɖe ŋuwò le mɔ aɖeke nu o." data/train/NUM/NUM_027_Verse_017.mp3,"“Nya si gblɔm Zelofehad ƒe vinyɔnuwo le la le eteƒe. Ele be miana domenyinu wo ɖe wo fofowo ƒe ƒometɔwo dome, eye miatsɔ wo fofowo ƒe domenyinu ana wo." data/train/NUM/NUM_008_Verse_017.mp3,"Woate ŋu akpe ɖe wo nɔviwo ŋu le woƒe dɔwɔwɔwo me le agbadɔ la me, gake woawo ŋutɔ magawɔ dɔ la o. Ekema esiae nye ale si nàde dɔwo asi na Levi ƒe viwoe.”" data/train/NUM/NUM_015_Verse_014.mp3,"Mitsɔ miaƒe wɔ gbãtɔwo tɔ tatalĩ, wòanye vɔsa tso miaƒe lu gbãtɔ si tso lugbɔƒe." data/train/NUM/NUM_023_Verse_012.mp3,"Balak blu ɖe Balaam ta be, “Ne mànya ƒo fi ade wo o ko la, ekema mègayra wo hã o!”" data/train/NUM/NUM_006_Verse_011.mp3,"“ ‘Le ɣeyiɣi mawo katã me la, mele be wòako ta alo alũ ge gɔ̃ hã o, elabena enye ame kɔkɔe, eye wokɔ eŋuti na Yehowa. Eya ta ele nɛ be wòagblẽ eƒe ɖa ɖi wòato ʋluyaa." data/train/NUM/NUM_009_Verse_022.mp3,"Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa asaɖa la tame ŋkeke ʋɛ aɖewo ko; le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woatsi asaɖa la me, eye le eƒe gbeɖeɖe nu la, woadze mɔ." data/train/NUM/NUM_004_Verse_036.mp3,"Nɔƒe la ƒe xɔmetsovɔ, agbadɔ la ŋutɔ kple kpɔ si ƒo xlãe, gbɔ̃gbalẽ si wotsɔ gbã agbadɔ la kple avɔ si le eƒe mɔnu." data/train/NUM/NUM_029_Verse_020.mp3,"“Le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, mitsɔ nyitsu asiekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, ɖe sia ɖe si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eŋu o la asa vɔe." data/train/NUM/NUM_007_Verse_175.mp3,"Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo." data/train/NUM/NUM_028_Verse_013.mp3,Miasa vɔ sia ke le Ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo ɖe sia ɖe gbe. Woadze Yehowa ŋu ŋutɔ. data/train/NUM/NUM_021_Verse_033.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ akɔbli nàwɔ nu si aɖi da siawo dometɔ ɖeka la da ɖe ati tutu aɖe tame. Ame sia ame si da aɖu la, ne ekpɔ akɔblida la ko la, atsi agbe!”" data/train/NUM/NUM_034_Verse_029.mp3,"Yosef ƒe dzidzimevi siwo anye tatɔwo lae nye esiwo: Haniel, Efɔd ƒe viŋutsu, tso Manase ƒe to la me," data/train/NUM/NUM_001_Verse_030.mp3,"Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Zebulon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu." data/train/NUM/NUM_007_Verse_188.mp3,"kple nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa," data/train/NUM/NUM_018_Verse_015.mp3,"“Nenema ke kutsetse gbãtɔ siwo ameawo atsɔ vɛ na Yehowa abe ami, wain kple lu nyuitɔwo" data/train/NUM/NUM_029_Verse_037.mp3,"Sa nyitsuawo, agboawo kple agbovi fɛ̃ ƒe nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ɖe xexlẽme siwo woɖo ɖi la nu." data/train/NUM/NUM_003_Verse_032.mp3,"Metsɔ wo ɖɔli viŋutsu tsitsitɔwo. Tso gbe si gbe mewu Egiptetɔwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo la, mexɔ Israel ƒe ŋgɔgbeviwo, amegbetɔwo tɔwo kple lãwo tɔwo siaa na ɖokuinye! Tɔnyewoe wonye; nyee nye Yehowa!”" data/train/NUM/NUM_030_Verse_000.mp3,"Ale srɔ̃ŋutsu ate ŋu alɔ̃ adzɔgbeɖeɖe la nabla srɔ̃a loo alo agbe, eye adzɔgbeɖeɖe la mabla srɔ̃a o." data/train/NUM/NUM_025_Verse_012.mp3,"Yehowa de se sia na Mose be, “Wu Israel ƒe towo katã ƒe kplɔlawo. Trɔ wo ɖe ati nu le Yehowa ŋkume le ŋdɔkutsu dzati nu ale be nye dɔmedzoe ɖe ameawo ŋu nu natso.”" data/train/NUM/NUM_015_Verse_004.mp3,"ekema nàtsɔ nuɖuvɔsa, wɔ memee lita ade kple afã kple ami lita eve akpe ɖe nyitsuvi la ŋu." data/train/NUM/NUM_024_Verse_011.mp3,"Esi Balaam kpɔ eŋgɔ la, ekpɔ Israelviwo woƒu asaɖa anyi ɖe woƒe to vovovoawo me. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe edzi," data/train/NUM/NUM_023_Verse_019.mp3,"Fia Balak bia Balaam be, “Ao! Nu kae nye esi nèwɔm? Mebe nàƒo fi ade nye futɔwo nam, ke kpɔ ɖa, èyra wo boŋ!”" data/train/NUM/NUM_004_Verse_038.mp3,"“Woalɔ dzowɔ le akɔblivɔsamlekpui la dzi, eye woatsɔ aɖabɛ dzĩtɔ atsyɔ na vɔsamlekpui la." data/train/NUM/NUM_011_Verse_013.mp3,"Mana la le ɣie abe bliku ene gake ele gbadzɛe, eye wòvivina abe anyitsibolo ene." data/train/NUM/NUM_031_Verse_010.mp3,"Eya ta míetsɔ akpedavɔsa tɔxɛ vɛ na Yehowa tso nu siwo míeha la me, woawoe nye sika, alɔnugɛwo, afɔgɛwo, asigɛwo, togɛwo kple kɔsɔkɔsɔwo. Míetsɔ nu siawo hena avuléle le Yehowa ŋkume ɖe míaƒe luʋɔwo ta.”" data/train/NUM/NUM_032_Verse_031.mp3,Ne eve mía nu la ekema míeɖe kuku tsɔ anyigba sia na mí ɖe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ teƒe.” data/train/NUM/NUM_031_Verse_026.mp3,"Mose kple nunɔla Eleazar kple ameawo ƒe kplɔla bubuawo katã do go yi ɖakpe aʋakɔ la," data/train/NUM/NUM_010_Verse_035.mp3,Ɖoɖo sia mee Israelviwo ƒe towo nɔna hezɔa mɔ. data/train/NUM/NUM_002_Verse_005.mp3,"ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, alafa ene (53,400)." data/train/NUM/NUM_027_Verse_019.mp3,"Yehowa ɖo eŋu be, “Yi nàkplɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si me Gbɔgbɔ la le la," data/train/NUM/NUM_032_Verse_022.mp3,"Míabla akpa nyuie adze Yehowa yome ayi Kanaan, ke míawo ya ƒe anyigba anɔ Yɔdan ƒe akpa sia.”" data/train/NUM/NUM_031_Verse_014.mp3,ke Mose do dɔmedzoe ɖe aʋakplɔlawo kple aʋalɔgonunɔlawo ŋu. data/train/NUM/NUM_029_Verse_016.mp3,"Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋuti la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe eŋu." data/train/NUM/NUM_036_Verse_007.mp3,"Nu si Yehowa gagblɔ tso Zelofehad ƒe vinyɔnuwo ŋue nye, ‘Mina woaɖe ŋutsu ɖe sia ɖe si dze wo ŋu, ne ŋutsu la nya tso woawo ŋutɔ ƒe to la me ko." data/train/NUM/NUM_029_Verse_031.mp3,Migasa nu vɔ̃ ŋuti vɔ kple gbɔ̃tsu ɖeka kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa kple miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo ŋuti. data/train/NUM/NUM_004_Verse_030.mp3,"“Ne Aron kple via ŋutsuwo wu agbadodo kple nu kɔkɔeawo kple wo ŋunuwo katã nu vɔ, eye ameha la le klalo be yeaho adzo la, Kohat ƒe viwo ava akɔ agbawo. Ke womekpɔ mɔ aka asi nu kɔkɔeawo ŋu o, be womagaku o. Kohat ƒe viwo akɔ nu siwo katã le agbadɔ la me." data/train/NUM/NUM_010_Verse_005.mp3,"Eliab, Helon ƒe viŋutsu kplɔ Zebulon ƒe to la dze wo yome." data/train/NUM/NUM_033_Verse_016.mp3,"“ ‘Ke ne mienya ame siwo le afi ma o la, wo dometɔ siwo asusɔ ɖe afi ma la, azu dzowɔ aɖo ŋkume na mi kple ŋu anɔ miaƒe axadame." data/train/NUM/NUM_023_Verse_028.mp3,"Nya siwo Balaam gblɔ la woe nye: “Fia Balak, Moabtɔwo ƒe fia, kplɔm tso Aramnyigba dzi, tso ɣedzeƒetowo dzi hegblɔ nam be. ‘Va, nàƒo fi ade Yakob nam! Eye va nàdo ɖiŋu na Israel nam. Wò dɔmedzoe nabi ɖe Israel ŋu.’" data/train/NUM/NUM_020_Verse_016.mp3,"Le Hor to la gbɔ, teƒe si te ɖe Edom ƒe liƒo ŋu la, Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be," data/train/NUM/NUM_006_Verse_003.mp3,"eye wòasa numevɔ na Yehowa kple alẽ si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo. Ele be wòagana alẽnɔ si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka si de blibo la na ŋutifafavɔsa." data/train/NUM/NUM_001_Verse_047.mp3,"Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Yuda ƒe dzidzimeviwo dome ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu." data/train/NUM/NUM_011_Verse_011.mp3,"ke ɣleti blibo ɖeka, va se ɖe esime wòado to ŋɔtime na mi, eye wòati mi, elabena miegbe Yehowa, ame si le mia dome, eye miefa avi le eŋkume gblɔ be, “Nu ka ta koŋ míedzo le Egipte ɖo?” ’ ”" data/train/NUM/NUM_023_Verse_016.mp3,"Balak wɔ ɖe Balaam ƒe ɖoɖowo dzi, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi." data/train/NUM/NUM_034_Verse_017.mp3,"Mose gblɔ na Israelviwo be, “Anyigba sia dzie miadzidze nu ɖo hena emama ɖe mia dome. Mimae ɖe to asiekɛ kple afã dome," data/train/NUM/NUM_028_Verse_021.mp3,"Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe numevɔ, nuɖuvɔ kple nunovɔ siwo miesana gbe sia gbe la ŋu. Mikpɔ egbɔ be miaƒe vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe de blibo.”" data/train/NUM/NUM_026_Verse_003.mp3,"Ame siawoe nye Efraim ƒe viŋutsuwo. Ame siwo wotia xlẽ la le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa atɔ̃ (32,500). Esiawoe nye Yosef ƒe viwo le woƒe hlɔ̃wo nu." data/train/NUM/NUM_007_Verse_176.mp3,"Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu ƒe nunanawo." data/train/NUM/NUM_034_Verse_002.mp3,"“Ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama dzi la ƒe ŋkɔwoe nye: nunɔla Eleazar, Yosua, Nun ƒe viŋutsu," data/train/NUM/NUM_029_Verse_034.mp3,"Mitsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre siwo xɔ ƒe ɖeka la sa numevɔ na Yehowa. Vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo." data/train/NUM/NUM_031_Verse_037.mp3,"Sika si woxɔ tso asrafo akpewo nunɔlawo kple asrafo alafawo nunɔlawo si, eye Mose kple Eleazar tsɔ wo na Yehowa la ƒe kpekpemee nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ (190)." data/train/NUM/NUM_013_Verse_011.mp3,"Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Paran gbedzi ɣe ma ɣi. Mose wɔ ɖe se si Yehowa de nɛ la dzi, eye wòdɔ toawo ƒe kplɔla siawo ɖa:" data/train/NUM/NUM_012_Verse_014.mp3,"Yehowa ɖiɖi tso lilikpo la me, eye wòtɔ ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Eɖe gbe na wo be, “Aron kple Miriam, mido va ŋgɔ,” eye wodo va ŋgɔ." data/train/NUM/NUM_010_Verse_018.mp3,"Mose ɖe kuku nɛ be, “Nɔ mía gbɔ, elabena ènya teƒe siwo míaƒu asaɖa anyi ɖo, eye ànye ŋku na mí." data/train/NUM/NUM_007_Verse_001.mp3,"Ale Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me tsɔ eƒe nunanawo vɛ le ŋkeke gbãtɔ dzi." data/train/NUM/NUM_002_Verse_016.mp3,"Aʋawɔla siwo katã le Yuda ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-ade alafa ene (186,400). Ame siawoe atre hoho, ado ŋgɔ ɣe sia ɣi si Israelviwo aho ayi aɖaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe bubu." data/train/NUM/NUM_035_Verse_000.mp3,"Ale miadzidze du la ƒe ɣedzeƒe gome wòakeke mita alafa asiekɛ, dziehe gome mita alafa asiekɛ, ɣetoɖoƒe gome mita alafa asiekɛ kple anyiehe gome mita alafa asiekɛ, eye du la nanɔ titina. Esia anye lãnyiƒe na wo anɔ duawo ŋu." data/train/NUM/NUM_026_Verse_016.mp3,"Bela viwoe nye Ard kple Naaman: Ard, ame si dzi Ard hlɔ̃ la, Naaman, ame si dzi Naaman hlɔ̃ la." data/train/NUM/NUM_001_Verse_014.mp3,"Ame siwo wotia, xlẽ le Ruben ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (46,500)." data/train/NUM/NUM_029_Verse_009.mp3,eye wɔ memee lita eve nakpe ɖe alẽvi wuieneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. data/train/NUM/NUM_017_Verse_009.mp3,"Mawɔ atikplɔ siawo ŋu dɔ be made dzesi ame si metia, elabena amea ƒe atikplɔ azu ati gbagbe, eye wòadze! Ekema Israelviwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ ɖe mia ŋu nu atso!’ ”" data/train/NUM/NUM_022_Verse_018.mp3,"Esi woka nya la ta na Balak la, egadɔ amewo ɖe Balaam. Eƒe ame dɔdɔwo sɔ gbɔ azɔ, eye wonye ame ŋkutawo wu ame dɔdɔ gbãtɔwo." data/train/NUM/NUM_004_Verse_039.mp3,"Woatsɔ nu siwo katã ŋu dɔ wowɔna le vɔsamlekpui la dzi la ada ɖe avɔ la dzi. Nu siawoe nye afilɔnuwo, gaflowo, sofiwo, zewo kple vɔsamlekpui la dzi nu bubuawo katã, eye woatsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ wo dzi. Woatsɔ nukɔkpoawo ade woƒe gagodoeawo me." data/train/NUM/NUM_026_Verse_026.mp3,"Eya ta anyigba ke nu mi wo, eye dzo tso Yehowa gbɔ wu ame alafa eve blaatɔ̃ (250) wòzu ŋkuɖodzinu." data/train/NUM/NUM_016_Verse_020.mp3,"eye etsɔ la, miade dzo kple lifi wo me le Yehowa ŋkume. Ame si Yehowa atia lae anye ame si le kɔkɔe. Mi Levi ƒe viwo, mia tɔ gbɔ eme.”" data/train/NUM/NUM_007_Verse_174.mp3,"Hekpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, ƒe nunanawo." data/train/NUM/NUM_018_Verse_011.mp3,"Megale egblɔm be, nye ŋutɔe tia nɔviwò Levi ƒe viwo tso Israelviwo dome na Yehowa ƒe dɔ be woanye wò kpeɖeŋutɔwo le agbadɔmedɔwɔwɔ me." data/train/NUM/NUM_011_Verse_012.mp3,Mana gena kple zãmu ƒe dzadza le zã me. data/train/NUM/NUM_032_Verse_013.mp3,"Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gblɔ be, “Míawɔ nu siwo katã nàɖo na mí be míawɔ la tututu." data/train/NUM/NUM_021_Verse_016.mp3,"Hesbon nye Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia ƒe du. Sixɔn wɔ aʋa kple Moabtɔwo ƒe fia xoxo la, eye wòxɔ eƒe anyigba katã yi keke Arnon." data/train/NUM/NUM_025_Verse_008.mp3,"Gbe ɖeka la, Israel ŋutsu aɖe kplɔ Midian ɖetugbi aɖe amemabumabutɔe va asaɖa la me le Mose kple ameawo katã ŋkume, esime wonɔ avi fam le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu." data/train/NUM/NUM_003_Verse_006.mp3,"ele be nàxɔ klosaloga gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ta, ɖe kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu, si ƒe kpekpeme nye gram ewo." data/train/NUM/NUM_008_Verse_006.mp3,"Hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe wo ŋu, eye nàna woawo ŋutɔ nalũ woƒe ŋutifuwo katã, eye woanya woƒe awuwo, ekema woanɔ kɔkɔe." data/train/NUM/NUM_014_Verse_037.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be," data/train/NUM/NUM_008_Verse_002.mp3,"ato tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me, atsɔ wo ana Yehowa abe nunana tso Israel dukɔ blibo la gbɔ ene. Levi ƒe viwo anɔ Israelviwo katã teƒe le Yehowa subɔsubɔ me." data/train/NUM/NUM_024_Verse_014.mp3,"Fia Balak do dɔmedzoe vevie azɔ ɖe Balaam ŋu. Eƒo asikpe hedo ɣli be, “Meyɔ wò be nàƒo fi ade nye futɔwo, ke nèyra wo boŋ zi etɔ̃." data/train/NUM/NUM_022_Verse_000.mp3,"Ale Fia Balak ƒe ame dɔdɔwo trɔ dzo, Balaam medze wo yome o." data/train/NUM/NUM_031_Verse_040.mp3,“Wò kple nunɔla Eleazar kple ƒomeawo ƒe tatɔ siwo le dukɔa me la miaxlẽ amewo kple lã siwo katã wolé le aʋa. data/train/NUM/NUM_032_Verse_009.mp3,"Esi wowu ŋkutsatsa la nu, eye wotrɔ tso Eskɔl ƒe balime gbɔ la, woɖe dzi le Israelviwo ƒo le Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi ŋu." data/train/NUM/NUM_004_Verse_034.mp3,"“Nunɔla Aron ƒe viŋutsu, Eleazar, ƒe dɔdeasie nye wòakpɔ akaɖimemiwo, dzudzɔdonu ʋeʋĩwo, gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple ami sisi la dzi. Kpuie ko la, eƒe dɔe nye wòakpɔ Agbadɔ blibo la kple nu siwo katã le eme la dzi.”" data/train/NUM/NUM_018_Verse_006.mp3,"“Ke womaxe fe ɖe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ta o; elabena wole kɔkɔe. Nàhlẽ woƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye nàtɔ dzo ami la abe dzovɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ la ene na Yehowa." data/train/NUM/NUM_001_Verse_032.mp3,"eye ɣe sia ɣi si woaho Agbadɔ la ayi teƒe bubu la, Levi ƒe viwoe akakae, eye woawoe agakpee; ne ame bubu aɖe te va la, aku." data/train/NUM/NUM_032_Verse_019.mp3,"Manase ƒe viŋutsu, Makir yi Gileadnyigba dzi, nya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la ɖa, eye wòxɔe." data/train/NUM/NUM_003_Verse_026.mp3,"Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ ene siawo ƒe dɔdeasiwoe nye, woakpɔ nubablaɖaka la, kplɔ̃ la, akaɖiti, vɔsamlekpui la ƒe nu vovovo siwo ŋu dɔ wowɔna le agbadɔ la me, xɔmetsovɔ kple nu siwo katã hiã be woadzra ɖo le nu siawo ŋu la dzi." data/train/NUM/NUM_007_Verse_190.mp3,"Lã siwo katã woatsɔ asa akpedavɔe la le nyitsu blaeve-vɔ-ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade kple agbovi blaade, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Ale si wokɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ lae nye esi." data/train/NUM/NUM_018_Verse_010.mp3,"Levi ƒe viwo koe awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu. Woaɖi fɔ ne wogbe dɔ wɔwɔ le afi ma. Esia nye se na mi tegbetegbe be nunɔamesi aɖeke manɔ Levi ƒe vi aɖeke si le Israelnyigba dzi o," data/train/NUM/NUM_002_Verse_029.mp3,"Ruben ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le dziehe gome. Ruben ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Elizur, Sedeur ƒe vi," data/train/NUM/NUM_009_Verse_009.mp3,"Mele be woagblẽ nuɖuɖu la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã alẽvi la ƒe ƒu aɖeke o. Woazɔ ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo nu pɛpɛpɛ." data/train/NUM/NUM_004_Verse_037.mp3,"Woakeke avɔ dzĩtɔ ɖe nu siawo dzi, eye woatsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ aɖabɛ dzĩtɔ la dzi azɔ. Emegbe la, woatsɔ kplɔ̃kɔkpoawo ade kplɔ̃ la ƒe gagodoeawo me." data/train/NUM/NUM_026_Verse_037.mp3,“Mixlẽ Israelvi siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema ne miakpɔ ame siwo ate ŋu ayi aʋa tso to ɖe sia ɖe kple hlɔ̃ ɖe sia ɖe me.” data/train/NUM/NUM_026_Verse_033.mp3,"Levi ƒe vi siwo katã woxlẽ wonye ŋutsuwo, eye woxɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃ (23,000). Ke womebu Levi ƒe viwo de Israelviwo ƒe amexexlẽ ƒe nukpɔkpɔ blibo la me o, elabena womena anyigba Levi ƒe viwo esi woma anyigba ɖe toawo dome o." data/train/NUM/NUM_007_Verse_204.mp3,Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ-vɔ-ɖekɛ kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; data/train/NUM/NUM_003_Verse_017.mp3,Gerson ƒe viwo ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe ƒomewo nu: Libni kple Simei. data/train/NUM/NUM_026_Verse_052.mp3,"Wo katã nye Suham hlɔ̃ si ƒe xexlẽme nye ame akpe blaade-vɔ-ene, alafa ene (64,400)." data/train/NUM/NUM_007_Verse_189.mp3,Kplɔlawo hã na nunanawo ɖe nuŋukɔkɔ la ta le gbe si gbe wosi ami na vɔsamlekpui la. Woda nunanawo ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ. data/train/NUM/NUM_023_Verse_020.mp3,"Ke ame siwo Mawu meƒo fi de o la, aleke nye ya maƒo fi ade woe? Ame siwo gbɔ Yehowa megbe nu le o la, aleke nye ya magbe nu le wo gbɔe?" data/train/NUM/NUM_009_Verse_005.mp3,"Ke wo dometɔ aɖewo mete ŋu ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la gbe ma gbe o, elabena wo dometɔ aɖewo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le ame kuku aɖe ta. Ale wova Mose kple Aron gbɔ gbe ma gbe," data/train/NUM/NUM_028_Verse_015.mp3,"Misa numevɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami la asa vɔe kpe ɖe alẽvi la ŋu," data/train/NUM/NUM_031_Verse_008.mp3,"“Bia hlɔ̃ Midiantɔwo le ale si wokplɔ mi de trɔ̃subɔsubɔ me la ta. Le esia megbe la, àku.”" data/train/NUM/NUM_023_Verse_025.mp3,"“Mekpɔ nu vɔ̃ le Yakob me o: mawɔ funyafunya Israel o! Yehowa, woƒe Mawu la li kpli wo. Eye dzidzɔɣli le wo nu, eyae nye woƒe fia!" data/train/NUM/NUM_020_Verse_017.mp3,Míeɖe kuku ɖe mɔ na mí míato wò anyigba dzi. Míakpɔ nyuie be míato miaƒe agblewo kple waingblewo me o. Míano tsi tso miaƒe vudowo me hã o. Míanɔ mɔ gã la dzi ko tẽe. Míadzo le mɔ gã la dzi o va se ɖe esime míado go le wò anyigba dzi.” data/train/NUM/NUM_006_Verse_008.mp3,"Le esiawo megbe la, atsɔ agbo la hena ŋutifafavɔsa na Yehowa kple abolo maʋamaʋã la ƒe kusi, eye wòawu enu kple nuɖuvɔsa la kple nunovɔsa la." data/train/NUM/NUM_002_Verse_022.mp3,"Eye Benyamin ƒe to la nakpe ɖe wo ŋu. Benyamin ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu," data/train/NUM/NUM_004_Verse_016.mp3,"Eye wotia amewo, xlẽ le Merari ƒe viwo ƒe ƒome la kple aƒewo nu." data/train/NUM/NUM_003_Verse_013.mp3,"eye wòkpɔ be viŋutsu tsitsitɔwo, ame siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de akpe blaeve-vɔ-eve alafa eve blaadre-vɔ-etɔ̃ (22,273)." data/train/NUM/NUM_014_Verse_022.mp3,"Migblɔ na wo be, ‘Yehowa ka atam be yeana nu si vɔ̃m miele la nava mia dzi." data/train/NUM/NUM_001_Verse_048.mp3,"Woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Simeon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒewo nu." data/train/NUM/NUM_026_Verse_050.mp3,"To siwo me amewo sɔ gbɔ le la, woaxɔ anyigba wòalolo, eye to siwo me amewo mesɔ gbɔ le o la ƒe anyigba nanɔ sue." data/train/NUM/NUM_007_Verse_203.mp3,"Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaeve kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me." data/train/NUM/NUM_015_Verse_044.mp3,"“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mia kple miaƒe dzidzimeviwo miade gbo miaƒe avɔwo ƒe dzogoewo to, eye ka blɔtɔ nanɔ gbo ɖe sia ɖe ŋu." data/train/NUM/NUM_032_Verse_012.mp3,"Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gagblɔ be, “Míawɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo dzi." data/train/NUM/NUM_004_Verse_028.mp3,"Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Agbadɔ la me." data/train/NUM/NUM_029_Verse_010.mp3,"Gbe ma gbe la, miasa numevɔ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la kple nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me." data/train/NUM/NUM_035_Verse_014.mp3,"“ ‘Gake ne fuléle mele amea me o, ko kasia wòlɔ ame aɖe ƒu anyi alo da nane tamemaɖomaɖotɔe wòdze ame aɖe," data/train/NUM/NUM_007_Verse_080.mp3,"Etsɔ tasiaɖam eve kple nyitsu ene na Gerson ƒe viwo," data/train/NUM/NUM_008_Verse_003.mp3,"Ekema, nàkplɔ Levi ƒe viwo va Agbadɔ la ƒe mɔnu eye naƒo Israelviwo ƒe ha blibo la nu ƒu." data/train/NUM/NUM_022_Verse_031.mp3,"Mawudɔla la gayi ɖatsi tsitre ɖe teƒe aɖe, afi si mɔa xaxa le ale gbegbe be tedzi la magate ŋu ato exa kura o." data/train/NUM/NUM_009_Verse_010.mp3,"Miɖui le eƒe ɣeyiɣi la dzi, le fiẽ, le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia gbe le eƒe sewo kple ɖoɖowo katã nu.”" data/train/NUM/NUM_023_Verse_008.mp3,"Balaam trɔ va afi si Moab fia kple Moab fiaviŋutsuwo le tsitre ɖe woƒe numevɔsawo gbɔ le. Balak bia enumake be, “Nya ka Yehowa gblɔ?”" data/train/NUM/NUM_018_Verse_017.mp3,"“Nunana bubuawo katã si Israelviwo anam to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la nye wò kple wò ƒometɔwo, viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo siaa tɔ. Wò ƒometɔwo katã aɖu nu siawo negbe wo dometɔ si ŋu mekɔ le ɣe ma ɣi me o la ko." data/train/NUM/NUM_026_Verse_047.mp3,"Simeon ƒe hlɔ̃metɔwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa eve (22,200)." data/train/NUM/NUM_023_Verse_029.mp3,"Yehowa do go Balaam, eye wòde nya asi nɛ be, “Trɔ yi Balak gbɔ nàgblɔ nya sia nɛ.”" data/train/NUM/NUM_031_Verse_006.mp3,"Aʋadelawo tsɔ sikanu kple awu siwo woha la na wo ɖokui. Nu bubu siwo woha la woe nye alẽ akpe alafa ade, blaadre-vɔ-atɔ̃ (675,000)," data/train/NUM/NUM_018_Verse_025.mp3,"Yehowa gblɔ na Aron be, “Mianyi woƒe anyigba ƒe dome o, eye miakpɔ gome le wo dometɔ aɖeke me o, nyee nye miaƒe gome kple miaƒe domenyinu le Israelviwo dome." data/train/NUM/NUM_021_Verse_008.mp3,"Esiae nye vudo si amegãwo kple dukɔ la ƒe bubumewo tsɔ woƒe atikplɔwo kple woƒe atizɔtiwo ɖee la.” Wodzo le gbegbe la," data/train/NUM/NUM_005_Verse_019.mp3,"Nu kɔkɔe ɖe sia ɖe si Israelviwo atsɔ vɛ na nunɔla aɖe la, anye nunɔlaa tɔ." data/train/NUM/NUM_005_Verse_032.mp3,“Ɖe gbe na Israelviwo be woaɖe ame siwo katã nye anyidzelawo kple ame siwo katã ŋu tsi ƒomevi aɖe le dodom le kple ame siwo katã gblẽ kɔ ɖo le ame kuku aɖe ta la ɖa le asaɖa la me. data/train/NUM/NUM_009_Verse_001.mp3,Aleae wònɔna azɔ: enyea lilikpo le ŋkeke me eye wòdzena abe dzo bibi ene le zã me. data/train/NUM/NUM_006_Verse_015.mp3,"“ ‘Ne ame aɖe ku le exa la, ame kuku la gblẽ kɔ ɖo nɛ, ekema ako ta le ŋkeke adre megbe. Ekema eŋuti akɔ tso ale si amea nɔ egbɔ hafi ku la ta." data/train/NUM/NUM_001_Verse_023.mp3,"Eye miɖe ŋutsu ɖekaɖeka le to sia to me, ame siwo anye kplɔlawo na toawo be woakpe ɖe ŋuwò." data/train/NUM/NUM_022_Verse_005.mp3,"Azɔ la, mawudɔla la tsi tsitre ɖe afi si mɔ la to waingble eve ƒe glikpɔwo dome le." data/train/NUM/NUM_031_Verse_005.mp3,"“Azɔ la, mi ame siwo katã wu ame aɖe alo ka asi ame kuku aɖe ŋu la, minɔ asaɖa la godo ŋkeke adre. Mikɔ mia ɖokuiwo kple nyɔnuvi sueawo ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbe." data/train/NUM/NUM_006_Verse_009.mp3,"“ ‘Le takoko na adzɔgbeɖela la megbe la, nunɔla la atsɔ agbo la ƒe abɔ memee, abolo maʋamaʋãwo kple aboŋgo maʋamaʋãwo dometɔ ɖeka, eye wòatsɔ wo katã ade asi na adzɔgbeɖela la." data/train/NUM/NUM_004_Verse_027.mp3,“Mixlẽ Kohat ƒe viwo tso Levi ƒe viwo dome le woƒe towo kple ƒomewo nu. data/train/NUM/NUM_031_Verse_015.mp3,"Le esia megbe la, miama afunyinuawo ɖe asrafo siwo de aʋa kple ameha mamlɛawo dome." data/train/NUM/NUM_027_Verse_010.mp3,"Mose gblɔ na Yehowa be," data/train/NUM/NUM_004_Verse_014.mp3,"Esiawoe nye ame siwo Mose kple Aron wotia, xlẽ le Merari ƒe viwo ƒe ƒome la me abe ale si Yehowa de se na Mose ene." data/train/NUM/NUM_001_Verse_039.mp3,"Miŋlɔ Israel ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔwo." data/train/NUM/NUM_032_Verse_011.mp3,"eye miana miaƒe aʋawɔlawo nanɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ va se ɖe esime Yehowa nanya eƒe futɔwo ɖa la," data/train/NUM/NUM_031_Verse_018.mp3,"Mina nyɔnuvi suewo ya nanɔ agbe, eye woazu mia tɔ." data/train/NUM/NUM_035_Verse_004.mp3,"alo tu kɔe kple dɔmedzoe wòku la, edo hlɔ̃. Hlɔ̃biala nawu hlɔ̃dola la." data/train/NUM/NUM_008_Verse_012.mp3,"Levi ƒe viwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, eye wonya woƒe awuwo. Aron to tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me tsɔ wo na Yehowa. Ewɔ avuléle ƒe wɔnawo ɖe wo ta hekɔ wo ŋuti." data/train/NUM/NUM_025_Verse_017.mp3,"ƒu du ti Israel ŋutsu la yome yi eƒe agbadɔ me, afi si wòkplɔ ɖetugbi la yii. Etɔ akplɔ ŋutsu la wòto eƒe dɔ me do heŋɔ dɔme na ɖetugbi la hã. Ale dɔvɔ̃ la nu tso" data/train/NUM/NUM_010_Verse_032.mp3,"Wozɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ tso Sinai to, Yehowa ƒe to la gbɔ. Nubablaɖaka la le wo ŋgɔ be yeatia teƒe si woatɔ ɖo la na wo." data/train/NUM/NUM_024_Verse_005.mp3,"Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Ɖe nyemegblɔe na wò ame dɔdɔwo" data/train/NUM/NUM_028_Verse_000.mp3,"“De se sia na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mikpɔ egbɔ be, le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi la, mietsɔ nye nuɖuɖu si nye dzovɔsa, si nye nu si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea ŋunye la nam.’" data/train/NUM/NUM_018_Verse_019.mp3,"Tso azɔ dzi heyina la, Israelvi siwo menye nunɔlawo kple Levi ƒe viwo o la mekpɔ mɔ age ɖe agbadɔ la me o. Ne woge ɖee la, woaɖi fɔ, eye woaku." data/train/NUM/NUM_026_Verse_025.mp3,"Esiawoe nye Ruben ƒe hlɔ̃metɔwo; ame siwo wotia xlẽ le wo me la le ame akpe blaene-vɔ-etɔ̃, alafa adre blaetɔ̃ (43,730)." data/train/NUM/NUM_024_Verse_006.mp3,"be ne Balak tsɔ klosalo kple sika de fiasã aɖe me wòyɔ kpikpikpi nam hã la, nyemate ŋu agblẽ Yehowa ƒe nyawo ɖi agblɔ nye ŋutɔ nye nyawo oa? Megblɔ be nya si Yehowa agblɔ la ko magblɔ!" data/train/NUM/NUM_035_Verse_010.mp3,"“ ‘Ele be woawu hlɔ̃dolawo katã, gake ele be ɖasefowo nasɔ gbɔ wu ɖeka. Womawu hlɔ̃dola aɖeke si ŋu ɖasefo ɖeka pɛ ko ɖi ɖase le o." data/train/NUM/NUM_003_Verse_025.mp3,"kpɔ si ƒo xlã nɔƒe la, vɔsamlekpui la kple ka siwo katã wotsɔ bla agbadɔ la ɖekae kple mɔnuvɔ la dzi." data/train/NUM/NUM_032_Verse_028.mp3,"Mose gblɔ na wo be, “Enyo; ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi, abla akpa hena aʋawɔwɔ na Yehowa," data/train/NUM/NUM_003_Verse_027.mp3,"Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ eve siawo ƒe dɔdeasie nye woakpɔ ati siwo wotsɔ tu Agbadɔ la, sɔtiwo kple woƒe zɔwo kple nu sia nu si wohiã na wo ŋu dɔ wɔwɔ la dzi," data/train/NUM/NUM_014_Verse_033.mp3,"Wogblɔ na wo nɔewo be, “Mina míatia kplɔla si akplɔ mí míatrɔ ayi Egipte!”" data/train/NUM/NUM_019_Verse_002.mp3,"Ame sia ame si aka asi ame kuku aɖe ŋu, eye mekɔ eɖokui ŋu le mɔ sia dzi o la gblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe agbadɔ la, eye woaɖee ɖa le Israelviwo dome. Womehlẽ tsi kɔkɔe la ɖe eŋu o, eya ta makɔmakɔnyenye la gale eŋu ko." data/train/NUM/NUM_002_Verse_030.mp3,"Simeon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Simeon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu," data/train/NUM/NUM_015_Verse_015.mp3,"“ ‘Ne ètsɔ nyitsuvi aɖe be yeasa numevɔ, adzɔgbeɖevɔ alo akpedavɔe na Yehowa la," data/train/NUM/NUM_007_Verse_186.mp3,"Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu ƒe nunanawo." data/train/NUM/NUM_005_Verse_011.mp3,"“Gblɔ na Israelviwo be: ‘Ne ŋutsu alo nyɔnu da vo ɖe ame aɖe ŋu le mɔ aɖe nu eye wòto nu ma me meɖi anukware na Yehowa o la, ame ma ɖi fɔ." data/train/NUM/NUM_019_Verse_004.mp3,"“Ekema ame si ŋu kɔ la, aƒo nyinɔ la ƒe afi nu ƒu, eye woadae ɖe teƒe si ŋuti kɔ le asaɖa la godo afi si woadzrae ɖo na Israelviwo abe afi si woaku tsi le ene hena nuŋukɔkɔ ƒe wɔnawo na nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa." data/train/NUM/NUM_022_Verse_038.mp3,"Wò tedzi la kpɔm zi etɔ̃, eye wòte ɖa le gbɔnye zi etɔ̃. Ne menye ɖe wòdze nam o la, anye ne mewu wò xoxo, ke mana eya natsi agbe.”" data/train/NUM/NUM_028_Verse_023.mp3,"Woatsɔ alẽvi ɖeka asa vɔe le ŋdi me, eye woatsɔ evelia asae le fiẽ me." data/train/NUM/NUM_029_Verse_035.mp3,"Mitsɔ vɔsa siawo kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu." data/train/NUM/NUM_019_Verse_019.mp3,“Se siwo dzi woawɔ ne ŋutsu aɖe ku le agbadɔ aɖe me la woe nye esiawo: Ame sia ame si ge ɖe agbadɔ la me kple ame siwo nɔ agbadɔ la me ɣe ma ɣi la ŋuti mekɔ o ŋkeke adre. data/train/NUM/NUM_020_Verse_003.mp3,"Azɔ, kplɔ Aron kple via Eleazar yi Hor to la dzi." data/train/NUM/NUM_027_Verse_014.mp3,"Ne nɔviŋutsu aɖeke hã menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi fofoa nɔviŋutsu gbɔ." data/train/NUM/NUM_014_Verse_002.mp3,"Azɔ ne èwu wò amewo la, dukɔ siwo se nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu la agblɔ be," data/train/NUM/NUM_015_Verse_029.mp3,"Woawɔ nyitsu alo agbo, alẽvi alo gbɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nenema." data/train/NUM/NUM_029_Verse_015.mp3,"Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋu la, ele be miagatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa akpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu." data/train/NUM/NUM_003_Verse_040.mp3,"Woawɔ nu siwo Aron aɖo na wo. Woawɔ dɔ kɔkɔewo le Agbadɔ la me ɖe Israelviwo katã nu," data/train/NUM/NUM_021_Verse_011.mp3,"Eya ta hakpala la gblɔ be, “Va Hesbon, eye nàna woagbugbɔe atu, na woagbugbɔ Sixɔn ƒe du la aɖo te." data/train/NUM/NUM_016_Verse_046.mp3,"Ɖe ale si wòtsɔ dɔ sia de asi na mi Levi ƒe viwo ɖeɖe ko la mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, ɖe miele didim be yewoazu nunɔlawo hã mahã?" data/train/NUM/NUM_023_Verse_021.mp3,"Kpɔ ɖa, Mawu ɖe gbe nam be mayra Israelviwo. Mawu ŋutɔ yra wo xoxo, nyemate ŋu aklo yayra sia ɖa o!" data/train/NUM/NUM_032_Verse_032.mp3,"Ne mietrɔ ɖa tso Mawu gbɔ alea la, ana ameawo naganɔ gbea dzi ɣeyiɣi didi aɖe wu, eye miahe ku vɛ na ameawo kple dzɔgbevɔ̃e va dukɔ blibo la dzi!”" data/train/NUM/NUM_020_Verse_002.mp3,"“Azã la su be Aron naku, elabena made anyigba, si metsɔ na Israelviwo la dzi o, le esi mi ame evea mietsi tsitre ɖe nye ɖoɖowo ŋu tso tsi si le Meriba ŋu la ta." data/train/NUM/NUM_014_Verse_038.mp3,"‘Yehowa le blewu le dɔmedzoedodo me, eƒe amenuveve sɔ gbɔ, eye wòtsɔa nu vɔ̃ kple aglãdzedze kena. Ke megbea tohehe na fɔɖilawo o. Ehea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.’" data/train/NUM/NUM_031_Verse_039.mp3,"Tso nu siwo ke Israelviwo xɔ ƒe afã me la, tia ɖeka le blaatɔ̃ ɖe sia ɖe me, eɖanye amegbetɔ, nyiwo, tedziwo, alẽwo, gbɔ̃wo loo alo lã bubuwo o. Tsɔ wo na Levi ƒe viwo, ame siwo kpɔa Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe nyawo gbɔ.”" data/train/NUM/NUM_016_Verse_014.mp3,"Esi Korah ƒo eyomedzelawo katã nu ƒu ɖe Agbadɔ la ƒe ŋkume be woatsi tsitre ɖe wo ŋuti la, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la." data/train/NUM/NUM_007_Verse_244.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Mina ameawo natsɔ woƒe nunanawo vɛ le ŋkeke vovovowo dzi hena vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ.”" data/train/NUM/NUM_021_Verse_009.mp3,"Esime Mose ɖo ŋkutsalawo ɖe Yazer megbe la, Israelviwo xɔ du sue siwo ƒo xlãe, eye wonya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la le woƒe anyigba la dzi." data/train/NUM/NUM_019_Verse_003.mp3,“Ame sia ame si ka asi ame kuku ŋu la ŋuti makɔ o ŋkeke adre. data/train/NUM/NUM_033_Verse_003.mp3,"ele be mianya ame siwo katã le anyigba ma dzi, eye miagbã woƒe legbawo; esiawoe nye woƒe kpe kpakpawo, legba siwo wololo ga tsɔ wɔe kple woƒe mawusubɔƒe siwo wotu ɖe toawo dzi, afi si wosubɔa woƒe legbawo le." data/train/NUM/NUM_010_Verse_013.mp3,Kohat ƒe viwo kplɔ Gad ƒe to la ɖo. Woawoe tsɔa nu kɔkɔeawo. Wotua agbadɔ la ɖe teƒe yeyea hafi wova ɖona. data/train/NUM/NUM_003_Verse_042.mp3,"Wotia teƒe si le agbadɔ la ƒe ɣedzeƒe la da ɖi na Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo ƒe agbadɔwo. Ame siawo ƒe dɔdeasie nye be woakpɔ be agbadɔ la dzi kpɔlawo wɔ woƒe dɔdeasiwo pɛpɛpɛ ɖe Israelviwo nu. Ame sia ame si menye nunɔla alo Levi ƒe vi o, gake wòge ɖe agbadɔ la me la, aku." data/train/NUM/NUM_015_Verse_008.mp3,"eye mieɖu anyigba ma dzi nuɖuɖu la, mitsɔ eƒe ɖe sa vɔe na Yehowa." data/train/NUM/NUM_006_Verse_014.mp3,"“ ‘Ne adzɔgbe si wòɖe be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga na Yehowa ƒe ɣeyiɣi wu enu la, ele be wòayi agbadɔ la ƒe mɔnu," data/train/NUM/NUM_012_Verse_012.mp3,"Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie, eye wotrɔ dzo." data/train/NUM/NUM_019_Verse_005.mp3,"Ekema ame si ŋuti kɔ la, atsɔ kakle ƒe alɔdzewo ade tsi la me, eye wòahlẽ tsi la ɖe agbadɔ la kple ze kple gagbɛ siwo katã nɔ agbadɔ la me kple ame si ƒe agbadɔ la me nɔnɔ alo eƒe asikaka ameƒu alo ame kuku aɖe alo yɔdo aɖe ŋu na be eŋuti mekɔ o la ŋu." data/train/NUM/NUM_005_Verse_021.mp3,"Nunɔla la aku nuɖuvɔsa la ƒe asiʋlo ɖeka abe ŋkuɖodzivɔsa ene, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Azɔ la, ana nyɔnu la nano tsi la." data/train/NUM/NUM_020_Verse_001.mp3,"ale si mía tɔgbuiwo yi Egipte, nɔ afi ma ƒe geɖewo, eye wozu kluviwo na Egiptetɔwo." data/train/NUM/NUM_026_Verse_028.mp3,"Gad ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Zefon, ame si dzi Zefon hlɔ̃ la, Hagi, ame si dzi Hagi hlɔ̃ la, Suni, ame si dzi Suni hlɔ̃ la," data/train/NUM/NUM_010_Verse_029.mp3,“Tsɔ klosalo wɔ kpẽ eve hena ameawo yɔyɔ be woaƒo ƒu kple gbeƒãɖeɖe be woaho. data/train/NUM/NUM_032_Verse_006.mp3,"ekema ne míeɖu futɔwo dzi mlɔeba le Yehowa ŋkume la, miatrɔ ava afi sia, elabena miawu miaƒe dɔdeasiwo nu na Yehowa kple Israelvi bubuawo katã. Ekema anyigba si le tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la azu mia tɔ tso Yehowa gbɔ." data/train/NUM/NUM_010_Verse_011.mp3,"Ke ne wodi be dukɔ la katã nakpe ta la, woaku kpẽ la kpuie ko." data/train/NUM/NUM_030_Verse_016.mp3,"ne srɔ̃ŋutsu la se nya la, eye megblɔ nya aɖeke tso eŋu le gbe si gbe wòse nu tso eŋuti dzi o la, ekema ele be nyɔnu la nawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko." data/train/NUM/NUM_003_Verse_046.mp3,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Azɔ la, xlẽ Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔwo, ame siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la, eye nàŋlɔ wo katã ŋkɔ." data/train/NUM/NUM_031_Verse_022.mp3,"Miɖo ŋku edzi miakɔ miaƒe awuwo kple nu sia nu si wowɔ kple lãgbalẽ, gbɔ̃fu alo ati la hã ŋuti.”" data/train/NUM/NUM_032_Verse_000.mp3,"Ale Mose tsɔ Amoritɔwo ƒe fia, Sixɔn kple Basantɔwo ƒe fia, Ɔg, ƒe anyigbawo kple duwo katã na Gad kple Ruben ƒe dzidzimeviwo kple Manase, Yosef ƒe viŋutsu ƒe dzidzimeviwo ƒe afã." data/train/NUM/NUM_022_Verse_003.mp3,"Ame siwo wòdɔ ɖo ɖe Balaam gbɔ la woe nye, Moabtɔwo kple Midiantɔwo ƒe ametsitsiwo. Wotsɔ ga ɖe asi yi na Balaam, eye woɖe nu si Balak di be wòawɔ na ye la me nɛ nyuie." data/train/NUM/NUM_031_Verse_032.mp3,"nyi akpe blaadre-vɔ-eve (72,000)," data/train/NUM/NUM_003_Verse_030.mp3,"Merari ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Zuriel, Abihail ƒe viŋutsu; woawo naƒu asaɖa anyi ɖe agbadɔ la ƒe axadzi le anyiehe lɔƒo." data/train/NUM/NUM_011_Verse_027.mp3,Vinyewo wonyea? Nyee nye wo fofoa? Nu sia tae nède dɔ asi nam be makpɔ wo dzi abe vidzĩwo ene va se ɖe esime míaɖo anyigba si ŋugbe nèdo na mía tɔgbuiwo la dzia? data/train/NUM/NUM_032_Verse_037.mp3,"Yehowa do dɔmedzoe gbe ma gbe, eye woka atam sia be," data/train/NUM/NUM_035_Verse_016.mp3,"“ ‘Ke ne ame aɖe axlã gakpo aɖe ɖe nɔvia wòaku la, woatsɔe abe hlɔ̃dodo ene, eye woawu hlɔ̃dola la." data/train/NUM/NUM_029_Verse_021.mp3,"“Le ŋkeke enyia gbe la, ameawo agawɔ takpekpe kɔkɔe. Miawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o." data/train/NUM/NUM_015_Verse_024.mp3,Se kple ɖoɖo mawo ke nakplɔ mi kple amedzro siwo le mia dome.’ ” data/train/NUM/NUM_020_Verse_004.mp3,"Edom fia gbe gbidigbidi gblɔ na wo be, “Migage ɖe nye anyigba dzi o.” Ena aʋakɔ gã aɖe ƒu asaɖa anyi ɖe eƒe liƒo dzi." data/train/NUM/NUM_017_Verse_005.mp3,"Esi Mose kɔ atikplɔawo tso Yehowa ƒe ŋkume do goe va fia Israelviwo la, wotsi yaa kple dzimaxɔse! Ame sia ame xɔ eƒe atikplɔ negbe Aron ko." data/train/NUM/NUM_004_Verse_041.mp3,"Wode ŋutsu akpe eve, alafa adre blaatɔ̃ (2,750)." data/train/NUM/NUM_032_Verse_029.mp3,"Mose lɔ̃ ɖe edzi, eye wògblɔ na nunɔla Eleazar kple Yosua kple Israelviwo ƒe towo ƒe kplɔlawo be," data/train/NUM/NUM_005_Verse_006.mp3,"Ele be wòaʋu eƒe nu vɔ̃ me eye wòaxe fe ɖe nu vɔ̃ si wòwɔ la ta. Gawu la, agbugbɔ nu la na nutɔ eye wòagatsɔ nu la ƒe home akpa atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee na nutɔ la." data/train/NUM/NUM_027_Verse_018.mp3,"“O! Yehowa, amegbetɔƒome la katã ƒe gbɔgbɔwo ƒe Mawu, meɖe kuku, hafi madzo le xexea me la, tia kplɔla bubu na ameawo," data/train/NUM/NUM_005_Verse_017.mp3,"Ne nyɔnu la gblẽ kɔ ɖo, eye meto nyateƒe na srɔ̃a o, evɔ wona wòno tsi si hea fiƒode vaa ame dzi la, tsi la age ɖe eƒe lãme, eye wòase veve vevie. Eƒe ƒodo adzi ɖe enu, eƒe ataŋulã aflo ɖa, eye wòazu ɖiŋudonu le eƒe amewo dome." data/train/NUM/NUM_018_Verse_001.mp3,"Aron kple via ŋutsuwo kple eƒe ƒometɔwo aɖui le woƒe aƒewo me alo le teƒe ɖe sia ɖe si adze wo ŋu, elabena eyae nye woƒe fetu ɖe woƒe dɔwɔwɔ le agbadɔ la me ta." data/train/NUM/NUM_004_Verse_002.mp3,"Ame siwo wotia, xlẽ le woƒe ƒomea nu la le ame akpe etɔ̃, alafa eve (3,200)." data/train/NUM/NUM_002_Verse_013.mp3,"Aʋawɔla, siwo katã le Dan ƒe asaɖa me la, le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ade (157,600). Woawoe anye hatsotso mamlɛtɔ, si aho le woƒe aflagawo nu." data/train/NUM/NUM_010_Verse_019.mp3,"Ne èkplɔ mí ɖo la, àkpɔ gome le nu nyui siwo katã Yehowa wɔna na mí la me.”" data/train/NUM/NUM_036_Verse_008.mp3,"Tete Mose ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ɖoɖo siawo le Israelviwo ƒe ŋkume be, “Yosef ƒe viwo ƒe nya la le eteƒe." data/train/NUM/NUM_006_Verse_013.mp3,mele nɛ be wòano wain alo nu muame aɖeke alo aha sesẽ si wowɔ tso wain me alo aha si wotsɔ ɖo ƒãe o. Mano waintsetse me tsi alo aɖu waintsetse o. data/train/NUM/NUM_034_Verse_022.mp3,"Tso afi ma la, azɔ Yɔdan tɔsisi la ŋu ahawu nu ɖe Dzeƒu la nu. “ ‘Esiae nye miaƒe anyigba kple eƒe liƒo si ƒo xlãe.’ ”" data/train/NUM/NUM_004_Verse_004.mp3,"ame siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃, eye wodze na dɔ kɔkɔe la wɔwɔ le agbadɔ la me." data/train/NUM/NUM_030_Verse_012.mp3,"“Ne nyɔnu aɖe ɖe adzɔgbe alo do ŋugbe dzodzro aɖe hafi va ɖe srɔ̃ la," data/train/NUM/NUM_008_Verse_004.mp3,Ekema woatsɔ Levi ƒe viwo ana Aron kple via ŋutsuwo abe ale si wotsɔa nu bubu ɖe sia ɖe si wodi be woana Yehowa la naa nunɔlawo ene! data/train/NUM/NUM_003_Verse_034.mp3,Tsɔ ga si wona hena Israelvi mamlɛawo ɖeɖe la na Aron kple via ŋutsuwo.” data/train/NUM/NUM_018_Verse_002.mp3,"elabena Israelviwo ƒe nuwo ƒe ewolia si wotsɔ na Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la anye Levi ƒe viwo tɔ. Eya ta megblɔ na wo be, ‘Domenyinu manɔ wo si le Israelviwo dome o.’ ”" data/train/NUM/NUM_014_Verse_039.mp3,"Yehowa ɖo eŋu be, “Metsɔe ke wo abe ale si nèbia ene." data/train/NUM/NUM_003_Verse_048.mp3,"“Yɔ Levi ƒe viwo katã ƒo ƒu, eye nàtsɔ wo ana nunɔla Aron abe eƒe kpeɖeŋutɔwo ene." data/train/NUM/NUM_013_Verse_029.mp3,"Wotso afi ma ɖo ta dzigbeme lɔƒo; woto Negeb gbã, eye woyi Hebron. Wokpɔ Ahimanitɔwo, Sesaitɔwo kple Talmaitɔwo. Ame siawo katã nye Anak, ame dzɔatsu ƒe dzidzimeviwo. (Hebron nye du xoxo aɖe. Wotsoe ƒe adre do ŋgɔ na Tanis tsotso le Egipte.)" data/train/NUM/NUM_010_Verse_006.mp3,Esiae nye woƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ esi woxɔ Yehowa ƒe se siwo wòde na Mose tso mɔzɔzɔ la ŋuti. data/train/NUM/NUM_006_Verse_020.mp3,"Yehowa akɔ ŋkume ɖe wò, eye wòave nuwò!" data/train/NUM/NUM_008_Verse_014.mp3,Na woatsɔ nyitsuvi aɖe kple nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la kple nyitsu bubu na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa vɛ. data/train/NUM/NUM_015_Verse_032.mp3,"Wɔ nu sia na wo dometɔ ɖe sia ɖe, ɖe woƒe agbɔsɔsɔ nu." data/train/NUM/NUM_002_Verse_028.mp3,"Manase ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Manase ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu," data/train/NUM/NUM_007_Verse_184.mp3,"Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Elisama, Amihud ƒe viŋutsu ƒe nunanawo." data/train/NUM/NUM_006_Verse_005.mp3,"Eye Yehowa ƒo nu kple Mose be," data/train/NUM/NUM_004_Verse_010.mp3,"Ekema woatsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ nuawo katã dzi, eye woatsɔ nubabla blibo la ada ɖe agbati aɖe dzi." data/train/NUM/NUM_003_Verse_036.mp3,"“Tsɔ Levi ƒe viwo ɖɔli Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã, eye nàtsɔ Levi ƒe viwo ƒe lãhawo aɖɔli Israelviwo tɔe. Levi ƒe viwo anye tɔnyewo; nyee nye Yehowa." data/train/NUM/NUM_017_Verse_010.mp3,Mose tsɔ atikplɔawo da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe xɔ emetɔ me. data/train/NUM/NUM_010_Verse_024.mp3,"Ne woku kpẽa la, ekema to siwo ƒu asaɖa anyi ɖe ɣedzeƒe la aho." data/train/NUM/NUM_010_Verse_021.mp3,"Ne mieyi aʋa kple miaƒe futɔwo, ame siwo le mia tem ɖe anyi le miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi la, ekema miku kpẽawo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖo ŋku mia dzi, eye wòaɖe mi tso miaƒe futɔwo ƒe asi me." data/train/NUM/NUM_014_Verse_004.mp3,"Esi Mose gblɔ nya siwo Yehowa gblɔ nɛ la na Israelviwo la, nuxaxa gã aɖe ge ɖe asaɖa blibo la me." data/train/NUM/NUM_032_Verse_014.mp3,"Ke mí aʋawɔlawo katã ya la, míatso tɔsisi la ayi aɖawɔ aʋa na Yehowa abe ale si míaƒe aƒetɔ gblɔ ene.”" data/train/NUM/NUM_004_Verse_031.mp3,"Ne asaɖa la le hoho ge la, Aron kple via ŋutsuwo age ɖe Agbadɔ la me gbã. Woaɖe xɔmetsovɔ la, eye woatsɔe atsyɔ nubablaɖaka la dzi." data/train/NUM/NUM_030_Verse_014.mp3,"Ne srɔ̃ŋutsu la lala ŋkeke ɖeka va yi hafi wòva gbe be yemelɔ̃ ɖe ye srɔ̃ ƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema tohehe ka ke dzi nyɔnu la lɔ̃ ɖo be wòava ye dzi ne yemewɔ ɖe yeƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la ava ŋutsu la boŋ dzi, elabena eyae meɖe mɔ na nyɔnu la be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o.”" data/train/NUM/NUM_002_Verse_011.mp3,"ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa eve (32,200)." data/train/NUM/NUM_011_Verse_032.mp3,"Ŋkeke kple zã blibo la kpakple ŋkeke si kplɔe ɖo la, ameawo do go yi ɖalé tegliawo, eye ame aɖeke melé tegliawo wòle sue wu kilo eve kple afã o. Wosia wo ƒo xlã asaɖa blibo la kpe ɖo." data/train/NUM/NUM_032_Verse_018.mp3,"Le ɣe ma ɣi me la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Noba la kplɔ aʋakɔ aɖe yi Kenat kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la me, eye wòxɔ wo. Etsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ na teƒe la be Noba." data/train/NUM/NUM_026_Verse_019.mp3,"Efraim ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Sutela, ame si dzi Sutela hlɔ̃ la, Beker, ame si dzi Beker hlɔ̃ la, Tahan, ame si dzi Tahan hlɔ̃ la." data/train/NUM/NUM_032_Verse_021.mp3,"Mía viwo kple mía srɔ̃wo, míaƒe alẽwo kple nyiwo anɔ afi sia le Gilead du la me." data/train/NUM/NUM_016_Verse_033.mp3,"Mose gblɔ na Aron be, “Netsɔ! Tsɔ dzudzɔdosonu ɖeka, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la me de eme, da dzudzɔdonu ɖe edzi, ɖe abla kplii yi ameawo dome, eye nàlé avu ɖe wo nu, elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe ge ɖe wo dome, eye dɔvɔ̃ to gɔ̃ hã xoxo.”" data/train/NUM/NUM_005_Verse_010.mp3,"eye ŋutsu bubu de asi eŋu, nu sia le ɣaɣla ɖe srɔ̃a, eye womenya be egblẽ kɔ ɖo o (elabena ɖasefo aɖeke meli ɖe eŋu o, eye womelée asiasi o)," data/train/NUM/NUM_003_Verse_014.mp3,Ga si woxɔ le Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo si la ƒe kpekpeme le klosalo kilogram wuiatɔ̃ kple afã ( 5) le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu data/train/NUM/NUM_018_Verse_004.mp3,"“Gblɔ na Levi ƒe viwo be, ‘Ne mieɖe nyuitɔwo na adzɔe la, woabui na mi abe ɖe wotso miawo ŋutɔ miaƒe lugbɔƒe alo miaƒe wainfiaƒe ene." data/train/NUM/NUM_033_Verse_013.mp3,"hetso eme yi Refidim, afi si tsi menɔ na ameawo woano o." data/train/NUM/NUM_008_Verse_029.mp3,"“Ƒo nu na Aron, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ne ètsɔ akaɖi adreawo da ɖe akaɖiti la dzi la, ele be woaklẽ ɖe teƒe si le akaɖiti la ŋgɔ.’ ”" data/train/NUM/NUM_016_Verse_031.mp3,“Miɖe mia ɖokuiwo ɖa le ame siawo dome ale be matsrɔ̃ wo enumake.” data/train/NUM/NUM_012_Verse_006.mp3,Ke esia menye nyateƒe le nye dɔla Mose gome o; ewɔa nuteƒe le nye aƒe blibo la me. data/train/NUM/NUM_026_Verse_001.mp3,"Ale Israel ŋutsu siwo katã ate ŋu ade aʋa la de ame akpe alafa ade kple ɖeka, alafa adre blaetɔ̃ (601,730)." data/train/NUM/NUM_026_Verse_053.mp3,"“Wòama anyigba la ɖe to vovovoawo dome le toawo me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ nu, abe ale si amexexlẽ la fia ene." data/train/NUM/NUM_011_Verse_019.mp3,"Mose gblɔ na Yehowa be, “Nu ka ta mève nu nye eye nètiam be yeadro dukɔ sia tɔgbi ƒe agba ɖe dzinye?" data/train/NUM/NUM_016_Verse_027.mp3,"“Gblɔ na ƒuƒoƒe la be, ‘Mite ɖa tso Korah, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ.’ ”" data/train/NUM/NUM_015_Verse_018.mp3,"“ ‘Nenye agboe wotsɔ le vɔ la sam la, woatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami lita ɖeka kple afã" data/train/NUM/NUM_020_Verse_013.mp3,"Ke Edom fia gblɔ na wo be, “Migaɖo afɔ nye anyigba dzi o! Ne mietee kpɔ be yewoaɖo afɔ nye anyigba dzi la, nye aʋakɔ akpe aʋa kpli mi!”" data/train/NUM/NUM_026_Verse_031.mp3,"Isaka ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me woe nye: Tola, ame si dzi Tola hlɔ̃ la, Puva, ame si dzi Puva hlɔ̃ la." data/train/NUM/NUM_005_Verse_022.mp3,"Nunɔla la ana nyɔnu la naka atam, eye wòagblɔ nɛ be, “Ne ŋutsu bubu aɖeke medɔ kpli wò o, ne mèda afɔ, hegblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò esi nèle atsuƒe na srɔ̃wò o la, ekema tsi veve sia, si hea fiƒode vaa ame dzi la, megagblẽ nu le ŋutiwò o." data/train/NUM/NUM_003_Verse_049.mp3,"Ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la ƒe xexlẽme le ame akpe enyi, alafa ade (8,600). Woawo nakpɔ kɔkɔeƒe la me nuwo dzi." data/train/NUM/NUM_025_Verse_005.mp3,"Eya kple eƒe dzidzimeviwo anɔ nubabla me kplim tso nunɔladɔwɔwɔ tegbetegbe ŋu, elabena etsi dzi ɖe eƒe Mawu ƒe bubu ŋu ele wòlé avu ɖe Israelviwo nu.”" data/train/NUM/NUM_020_Verse_019.mp3,"Mose kple Aron woyɔ ameawo, eye wona woƒo ƒu ɖe agakpe la gbɔ. Mose gblɔ na wo be, “Miɖo to, mi aglãdzelawo! Ɖe míaɖe tsi tso agakpe sia me na mia?”" data/train/NUM/NUM_009_Verse_021.mp3,"Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa anyi tso fiẽ va se ɖe ŋdi ko, eye ne eho le ŋdi la, wodzea mɔ. Nenye le ŋkeke me alo zã me, ɣe sia ɣi si lilikpo la ho ko la, wodzea mɔ." data/train/NUM/NUM_010_Verse_004.mp3,"Efraim ƒe to la kplɔ Kohat ƒe viwo ɖo. Wonɔ woƒe aflaga yome le Elisama, Amihud ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te." data/train/NUM/NUM_005_Verse_026.mp3,"Womaɖe agɔdzedze aɖeke na srɔ̃ŋutsu la o, gake nu vɔ̃ yomedzenu anɔ nyɔnu la dzi.’ ”" data/train/NUM/NUM_020_Verse_024.mp3,“Tsɔ Aron ƒe atikplɔ la. Mi kple Aron miƒo ameawo nu ƒu. Ƒo nu le ameawo ƒe ŋkume na agakpe si le afi mɛ ɖa la be wòana tsi nado tso eme; eye nàna tsi wo tso agakpe la me wòade na ameawo kple woƒe lãwo katã.” data/train/NUM/NUM_014_Verse_035.mp3,"Womaganye nye domenyilawo o. Matsrɔ̃ wo kple dɔvɔ̃. Mana dukɔ si alolo sãa, eye wòasẽ ŋu sãa wu Israel la nado tso mewò!”" data/train/NUM/NUM_002_Verse_010.mp3,"ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, alafa ene (35,400)." data/train/NUM/NUM_005_Verse_016.mp3,"Ne nunɔla la na nyɔnu la tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume vɔ la, akaka ɖa ɖe ta na nyɔnu la, atsɔ ŋkuɖodzivɔsa kple nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã ade nyɔnu la ƒe asi me. Ke nunɔla la ŋutɔ alé tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la ɖe asi." data/train/NUM/NUM_035_Verse_033.mp3,"“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mietso Yɔdan, eye mieɖo Kanaanyigba dzi la," data/train/NUM/NUM_035_Verse_012.mp3,“ ‘Esiawoe nye se siwo dzi Israelviwo katã nawɔ tso dzidzime yi dzidzime. data/train/NUM/NUM_015_Verse_001.mp3,"“ ‘Dzɔleaƒea ɖe sia ɖe awɔ nu siawo ale, ne etsɔ numevɔsanu aɖe vɛ be wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu." data/train/NUM/NUM_031_Verse_024.mp3,"Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be mia dometɔ aɖewo naho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu, eye woabia hlɔ̃ Midiantɔwo na Yehowa." data/train/NUM/NUM_019_Verse_010.mp3,"“Hena amea ŋuti kɔkɔ la, woatsɔ dzowɔ tso nyinɔ la ƒe numevɔsa ƒe dzowɔ me ade tsi dzidzi ƒe tsi me le tsiɖonu me." data/train/NUM/NUM_014_Verse_009.mp3,"Israelviwo katã lĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mose kple Aron ŋu, eye ame haho la katã gblɔ na wo be, “Ɖe míeku ɖe Egipte la, anye ne enyo wu alo ɖe gbedzi afi sia la, ne enyo ŋutɔ!" data/train/NUM/NUM_028_Verse_022.mp3,"Woasa numevɔ tɔxɛ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la gbe ma gbe kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko." data/train/NUM/NUM_004_Verse_025.mp3,"Levi ƒe vi siwo katã Mose kple Aron kple Israel kplɔlawo wotia le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu," data/train/NUM/NUM_027_Verse_011.mp3,"Mose tsɔ woƒe nya la da ɖe Yehowa ŋkume," data/train/NUM/NUM_017_Verse_006.mp3,"Esi ŋu ke wòyi la, ekpɔ be Aron ƒe atikplɔ si nye Levi ƒe to la tɔ la dze, eye seƒoƒowo de asi keke me le eŋu!" data/train/NUM/NUM_016_Verse_047.mp3,"Ɖeko wogblɔ be, “Ɖe nèbui be nu sue aɖe ko wònye nèwɔ be nèkplɔ mí dzoe le Egipte, tso anyigba nyui ma dzi be yeawu mí le gbegbe afi sia? Ke azɔ la, ɖe nègadi gɔ̃ hã be yeaɖu fia ɖe mía dzia?" data/train/NUM/NUM_013_Verse_018.mp3,"Mose dɔ wo ɖa, eye wògblɔ na wo be, “Miyi anyigba la ƒe anyigbeme lɔƒo, le Negeb ƒe tonyigba la dzi," data/train/NUM/NUM_003_Verse_009.mp3,"Eya ta Yehowa gblɔ na Mose be," data/train/NUM/NUM_008_Verse_030.mp3,"“Ɖe Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo dome, eye nàkɔ wo ŋu to mɔ sia dzi." data/train/NUM/NUM_022_Verse_022.mp3,"Fia Balak tsɔ nyitsuwo kple alẽwo sa vɔe le afi ma, eye wòtsɔ lãwo na ame dɔdɔwo kple Balaam hena woawo hã ƒe vɔsawo." data/train/NUM/NUM_013_Verse_001.mp3,"Ale wotsa ŋku le anyigba la dzi tso keke Zin gbegbe la va ɖo Rehob, le Hamat gbɔ." data/train/NUM/NUM_024_Verse_013.mp3,"eye wògblɔ nya ɖi be, “Balaam, Beor ƒe viŋutsu gblɔ be: ame si kpɔa nu nyuie la ƒe nyagblɔɖi," data/train/NUM/NUM_016_Verse_016.mp3,"Esi Mose wu nya siawo nu teti ko la, anyigba la wo le wo te zi ɖeka," data/train/NUM/NUM_002_Verse_027.mp3,"Ke wometia Levi ƒe viwo xlẽ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu o, abe ale si Yehowa de se na Mose ene." data/train/NUM/NUM_013_Verse_026.mp3,"Tso afi ma la, wova afi si woyɔna egbegbe be, Eskɔl ƒe Balime. Wotso waintsetse kpo ɖeka le afi sia wòlolo ale gbegbe be ame evee tsɔ ati de eme hafi te ŋu tsɔe! Wotsɔ yevuboɖa kple gbotsetse siwo wokpɔ le afi ma hã ƒe ɖewo ɖe asi." data/train/NUM/NUM_024_Verse_008.mp3,"Dzo le afi sia! Trɔ yi mia de! Medi be made bubu gã aɖe ŋuwò, ke Yehowa te wò ɖe megbe tso bubu gã sia gbɔ!”" data/train/NUM/NUM_024_Verse_010.mp3,"Esea Mawu ƒe nyawo, nunya tso Dziƒoʋĩtɔ la gbɔ le esi. Ekpɔa nu si Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖena fianɛ. Etsyɔ mo anyi, eye eƒe ŋkuwo ʋu." data/train/NUM/NUM_011_Verse_000.mp3,"Afi ka makpɔ lã tsoe ana ame siawo katã? Wole avi fam nam le gbɔgblɔm be, ‘Na lã mí’" data/train/NUM/NUM_029_Verse_007.mp3,eye nàtsɔ wɔ memee lita eve akpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. data/train/NUM/NUM_035_Verse_008.mp3,"Du siawo manye sitsoƒewo na Israelviwo ɖeɖe ko o, ke boŋ na amedzrowo kple mɔzɔlawo hã." data/train/NUM/NUM_025_Verse_009.mp3,"Israelvi si wowu kple Midian ɖetugbi la ŋkɔe nye Zimri si nye Salu, ame si nye Simeon ƒe to la ƒe kplɔla aɖe la ƒe viŋutsu." data/train/NUM/NUM_022_Verse_040.mp3,"Woyi Balaam gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Esiae nye nya si Balak, Zipɔr ƒe viŋutsu gblɔ, ‘Mègana naneke naxe mɔ na wò be màva gbɔnye o," data/train/NUM/NUM_025_Verse_007.mp3,"“Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu kple nunɔla Aron ƒe tɔgbuiyɔvi na nye dɔmedzoe nu tso, elabena eya hã do dɔmedzoe abe nye ke ene le nye bubu ta. Eya ta nyemagatsrɔ̃ Israel blibo la abe ale si meɖo ene o." data/train/NUM/NUM_015_Verse_009.mp3,eye nunovɔsa si nye wain lita ɖeka la akpe ɖe eŋu. Wain hin ɖeka ƒe akpa enelia akpe ɖe alẽvi ɖeka ŋu. data/train/NUM/NUM_033_Verse_020.mp3,Metsɔ anyigba la na mi. Mixɔe eye mianɔ edzi. data/train/NUM/NUM_005_Verse_012.mp3,"Ke ne ame si ŋu wòwɔ nu vɔ̃ ɖo la ku eye eƒe ƒometɔ gobii aɖeke meli wòaxe fea na o la, ekema axee na Yehowa to nunɔla dzi eye wòagana alẽ ɖeka hena avuléle." data/train/NUM/NUM_033_Verse_022.mp3,Mose ŋlɔ nu tso woƒe toƒewo ŋu abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. data/train/NUM/NUM_024_Verse_015.mp3,Israel axɔ Edom kple Seir siaa; woaɖu woƒe futɔwo dzi. Ke Israel akpɔ ŋusẽ data/train/NUM/NUM_033_Verse_055.mp3,"Ɣe ma ɣie Kanaantɔwo ƒe fia, Arad fia, ame si nɔ Negeb, le Kanaanyigba dzi la se be Israelviwo gbɔna yeƒe anyigba dzi." data/train/NUM/NUM_015_Verse_011.mp3,"Hena dzidzime siwo gbɔna la, ɣe sia ɣi si amedzro aɖe alo ame bubu aɖe, si le mia dome ana dzovɔsanu aɖe be wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ na Yehowa la, ele be wòawɔe tututu abe ale si miewɔnɛ ene." data/train/NUM/NUM_010_Verse_012.mp3,"Ke ne woku kpẽ ɖeka ko la, ekema kplɔlawo kple Israel ƒe toawo ƒe tatɔwo ava ƒo ƒu ɖe ŋkuwòme." data/train/NUM/NUM_031_Verse_034.mp3,"nyi akpe blaetɔ̃ vɔ ade (36,000), wotsɔ wo dome blaadre-vɔ-eve na Yehowa," data/train/NUM/NUM_016_Verse_024.mp3,"Gawu la, mèkplɔ mí yi anyigba wɔnuku si ŋugbe nèdo na mí la hã dzi o, eye mèna agbledenyigba kple waingblewo mí o. Ame kawoe nèle agbagba dzem be yeabu abunɛtɔwoe? Míegbɔna o!”" data/train/NUM/NUM_011_Verse_014.mp3,Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afi ma. Maɖe Gbɔgbɔ si le dziwò la ƒe ɖe le dziwò ada ɖe woawo hã dzi. Woatsɔ dukɔ la ƒe agba akpe ɖe ŋuwò ale be dɔdeasi la maganɔ wò ɖeka ko dzi o. data/train/NUM/NUM_005_Verse_007.mp3,"ele be ŋutsu la nakplɔ srɔ̃a ayi nunɔla gbɔ. Nu si wòana nunɔla ɖe srɔ̃a tae nye luwɔ lita ɖeka. Womakɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi o, elabena enye nuɖuvɔsa ɖe ŋuʋaʋã ta kple ŋkuɖodzivɔsa si ahe woƒe susu ayi ɖe fɔɖiɖi gbɔe." data/train/NUM/NUM_031_Verse_030.mp3,"Nu siawo ƒe afã, si wotsɔ na aʋadelawoe nye: alẽ akpe alafa etɔ̃, blaetɔ̃-vɔ-adre alafa atɔ̃ (337,500)," data/train/NUM/NUM_004_Verse_023.mp3,“Kpɔ egbɔ be womeɖe Kohat ƒomea ɖa le Levi ƒe viwo dome o. data/train/NUM/NUM_029_Verse_036.mp3,"Sa nuɖuvɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu la ŋu kple wɔ memee lita ene kple afã kpe ɖe agbo la ŋu," data/train/NUM/NUM_020_Verse_007.mp3,"Esi woɖo toa tame la, Mose ɖe nunɔlawuawo le Aron ŋu, eye wòtsɔ wo do na Aron ƒe viŋutsu Eleazar. Aron ku ɖe to la tame. Mose kple Eleazar trɔ gbɔ," data/train/NUM/NUM_035_Verse_029.mp3,"woadrɔ̃ ʋɔnui, akpɔ be nyadzɔɖeamedzi koe loo alo ɖe yewoaɖe asi le hlɔ̃dola la ŋu na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala mahã." data/train/NUM/NUM_004_Verse_029.mp3,"Mose na wofia ame sia ame ƒe dɔ kple agba si wòakɔ lae, abe ale si Yehowa de se ene. Eye wotia wo xlẽ abe ale si Yehowa de se na Mose ene." data/train/NUM/NUM_031_Verse_041.mp3,"woade wo dzo me ale be woakɔ wo ŋu. Emegbe la, woagakɔ wo ŋu kple tsi kɔkɔe. Ke woatsɔ tsi kɔkɔe ko akɔ nu siwo mate ŋu anɔ te ɖe dzoxɔxɔ nu o la ŋuti.’" data/train/NUM/NUM_024_Verse_002.mp3,"ame si sea Mawu ƒe nya la ƒe nyagblɔɖi, ame si xɔa ɖeɖefia tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ, ame si tsyɔa mo anyi, eye eƒe ŋku nɔa te la ƒe nyawo." data/train/NUM/NUM_025_Verse_004.mp3,"esime wòwu ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) xoxo." data/train/NUM/NUM_003_Verse_044.mp3,“Xlẽ Levi ƒe viwo le woƒe ƒomewo kple towo nu. Xlẽ ŋutsu ɖe sia ɖe si xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema.” data/train/NUM/NUM_022_Verse_021.mp3,"eye vɔvɔ̃ ɖo Moab, elabena ameawo sɔ gbɔ ŋutɔ. Nyateƒe, dzidzi ƒo Moab le Israelviwo ŋu." data/train/NUM/NUM_015_Verse_007.mp3,"eye miesa dzovɔ na Yehowa tso miaƒe lãhawo me, abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu la ene, nenye numevɔsa alo vɔsa siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe tɔxɛwo ŋu, lɔlɔ̃nununana alo Ŋkekenyuiwo ƒe vɔsawo ŋu la," data/train/NUM/NUM_011_Verse_008.mp3,"Ke ametsitsi blaadreawo dometɔ eve, Eldad kple Medad, ganɔ asaɖa la me ko, eye esi gbɔgbɔ la dze ɖe wo dzi la, wogblɔ nya ɖi le afi ma." data/train/NUM/NUM_004_Verse_015.mp3,“Esiawoe nye Kohat ƒe viwo ƒe dɔ le agbadɔ la me: nu kɔkɔetɔwo dzi kpɔkpɔ. data/train/NUM/NUM_029_Verse_033.mp3,"Mitsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa kpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu." data/train/NUM/NUM_019_Verse_001.mp3,"Ame si ƒo ƒu nyinɔ la ƒe afi la anya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Esia nye se na Israelviwo kple amedzro siwo le wo dome la tegbetegbe." data/train/NUM/NUM_024_Verse_022.mp3,"Tɔdziʋuwo atso Kipro ƒuta woaɖu Eber kple Asiria dzi, ke woaɖu woawo hã dzi.”" data/train/NUM/NUM_010_Verse_001.mp3,"Ame mamlɛtɔwoe nye Dan ƒe to la. Wonɔ woƒe aflaga yome le woƒe kplɔla, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te." data/train/NUM/NUM_022_Verse_002.mp3,"Ale tedzi la tsyɔ akɔ anyi ɖe mɔ la dzi. Balaam do dɔmedzoe vevie, eye wòƒo tedzi la kple eƒe atikplɔ." data/train/NUM/NUM_014_Verse_041.mp3,"Yosua, Nun ƒe vi kple Kaleb, Yefune ƒe vi, ame siwo nɔ ŋkutsalawo dome, tsa ŋku le anyigba la dzi la, dze woƒe awuwo," data/train/NUM/NUM_014_Verse_027.mp3,"Nye, Yehowa, meƒo nu, eye mawɔ nu siawo ameha vɔ̃ɖi blibo la, ameha si bla ɖe ŋunye la kokoko. Woƒe nuwuwu aɖo le gbegbe sia dzi; afi siae woaku ɖo.”" data/train/NUM/NUM_013_Verse_020.mp3,"ne anyigba la nyo alo menyo o, eye ne atiwo sɔ gbɔ le edzi loo alo womesɔ gbɔ o. Migavɔ̃ o. Mitsɔ woƒe agblemenuku, siwo miakpɔ la ƒe ɖewo vɛ.” (Wonɔ waintsetse gbãtɔwo gbem ɣe ma ɣi.)" data/train/NUM/NUM_003_Verse_004.mp3,"Be nàƒle Israelviwo ƒe ŋgɔgbevi alafa eve blaadre-vɔ-etɔ̃ (273), siwo sɔ gbɔ wu Levi ƒe viwo ta la," data/train/NUM/NUM_026_Verse_000.mp3,Ale esiae nye Israelvi siwo Mose kple nunɔla Eleazar tia xlẽ le Moab gbegbe le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa. data/train/NUM/NUM_021_Verse_029.mp3,Wotso eme yi Arnon tɔsisi la ƒe akpa kemɛ si te ɖe Amoritɔwo ƒe liƒo ŋu. Arnon tɔsisi lae nye liƒo le Moabtɔwo kple Amoritɔwo dome. data/train/NUM/NUM_012_Verse_003.mp3,"Enumake Yehowa gblɔ na Mose, Aron kple Miriam be, “Miva agbadɔ la me, mi ame etɔ̃ la katã.” Ale wo ame etɔ̃awo katã wodo go." data/train/NUM/NUM_001_Verse_029.mp3,"Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Naftali ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu." data/train/NUM/NUM_016_Verse_001.mp3,"Ale ameha gã aɖe ƒo ƒu; kasia woakpɔ agbadɔ la gbɔ ɖa la, wokpɔ lilikpo la kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe la." data/train/NUM/NUM_002_Verse_014.mp3,"Aʋawɔla, siwo katã le Efraim ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka kple enyi alafa ɖeka (108,100). Woawoe anye ha etɔ̃lia si aho." data/train/NUM/NUM_015_Verse_021.mp3,"Nunɔla alé avu ɖe Israelviwo katã nu, eye woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo, elabena vodadae, eye woɖɔ vodada sia ɖo to dzovɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me le Yehowa ŋkume." data/train/NUM/NUM_026_Verse_023.mp3,"Esiawoe nye Gad ƒe viŋutsuwo, ame siwo wotia xlẽ la ƒe xexlẽme le ame akpe blaene, alafa atɔ̃ (40,500)." data/train/NUM/NUM_009_Verse_003.mp3,"eye woɖui le Sinai gbegbe la le fiẽ, le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Israelviwo wɔ nu sia nu abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene." data/train/NUM/NUM_002_Verse_003.mp3,"ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene (57,400)." data/train/NUM/NUM_035_Verse_022.mp3,“Na Israelviwo natsɔ du tɔxɛ aɖewo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la ana Levi ƒe viwo abe woƒe domenyinu ene. data/train/NUM/NUM_028_Verse_027.mp3,"“Woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe le ƒe ɖe sia ɖe me. Miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la atsɔ ɖo ŋku gbe si gbe mawudɔla la dze to Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo ŋu, eye mewu wo o la dzi." data/train/NUM/NUM_023_Verse_017.mp3,"dzoka maɖi Yakob ŋu o. Ne wosa vɔ kɔ ɖe Israelviwo dzi hã la, maɖi wo ŋu akpɔ o, elabena woagblɔ le Israel ŋu azɔ be, ‘Mawu wɔ nu gãwo na wo!" data/train/NUM/NUM_011_Verse_010.mp3,"Ke Mose ɖo eŋu be, “Ɖe nèle ŋu ʋãm ɖe nunyea? Ɖe boŋ madi be Yehowa ƒe amewo katã nazu nyagblɔɖilawo, eye Yehowa nada eƒe gbɔgbɔ ɖe wo katã dzi hafi!”" data/train/NUM/NUM_008_Verse_008.mp3,"Ke ne woxɔ ƒe blaatɔ̃ la, woaxɔ dzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔ me, eye womagawɔ dɔ o." data/train/NUM/NUM_002_Verse_017.mp3,"Dan ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le anyiehe lɔƒo. Dan ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu," data/train/NUM/NUM_028_Verse_020.mp3,Vɔsa siawo akpe ɖe gbe sia gbe ƒe vɔ siwo miesana la ŋuti. data/train/NUM/NUM_029_Verse_023.mp3,"“Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke adelia gbe la, miasa vɔ kple nyitsu enyi, agbo eve kple alẽvi wuiene siwo xɔ ƒe ɖeka. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me." data/train/NUM/NUM_021_Verse_015.mp3,Fia Sixɔn gbe mɔɖeɖe na Israel be wòato eƒe anyigba dzi ayi o. Sixɔn ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ŋu le gbedzi esi woɖo Yahaz. data/train/NUM/NUM_008_Verse_011.mp3,"Le esia megbe la, woyi agbadɔ la me abe Aron kple via ŋutsuawo ƒe kpeɖeŋutɔwo ene. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ ɖe se si Yehowa de na Mose la nu." data/train/NUM/NUM_003_Verse_003.mp3,"Ale Mose xɔ taƒlega ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔ alafa eve, blaadre-vɔ-etɔ̃, ame siwo wotsɔ wosɔ gbɔ wu Levi ƒe viwo ƒe xexlẽme la ta." data/train/NUM/NUM_002_Verse_020.mp3,"Emegbe la, Mawu ƒe Agbadɔ la kple Levi ƒe viwo ƒe asaɖa, si le asaɖa bubuawo titina la naho. Ale si woƒu asaɖa anyii la, nenema ŋu woaho ɖo; ame sia ame nanɔ eteƒe le eƒe aflaga gbɔ." data/train/NUM/NUM_015_Verse_017.mp3,"Ne miekpɔ gbo siawo la, ekema miaɖo ŋku se siwo katã Yehowa de na mi la dzi be miawɔ wo dzi, eye miagatsɔ mia ɖokuiwo adzra na ŋutilãmenuwo, miaƒe dzi ƒe nudzodzrowo kple nu siwo miaƒe ŋku kpɔna la o." data/train/NUM/NUM_032_Verse_015.mp3,"“Ke miawo hã, mi vɔ̃ wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, miegale nu ma tututu wɔm! Miawo miesɔ gbɔ wu woawo, eya ta Yehowa ƒe dziku ɖe miawo ŋu nu asẽ ɖe miawo dzi fifia wu ɖe woawo dzi." data/train/NUM/NUM_018_Verse_000.mp3,"Ale miawo hã miana nu Yehowa tso nu ewolia siwo katã miexɔ tso Israelviwo gbɔ la me. Tso nu ewolia siawo me la, miatsɔ Yehowa ƒe ɖuƒe ana Aron, nunɔla la." data/train/NUM/NUM_026_Verse_013.mp3,"Aser ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye: Imna, ame si dzi Imna hlɔ̃ la, Isvi, ame si dzi Isvi hlɔ̃ la, Beria, ame si dzi Beria hlɔ̃ la." data/train/NUM/NUM_003_Verse_002.mp3,Ale Mose xlẽ wo abe ale si Yehowa ƒe nya ɖo nɛ ene. data/train/NUM/NUM_019_Verse_015.mp3,"“Ne ame aɖe le gbedzi, eye wòka asi ame si wowu le aʋa me alo ame si ku le mɔ bubu aɖe nu ƒe kukua ŋuti alo ka asi ame kuku aɖe ƒe ƒu alo yɔdo ŋu la, eŋuti mekɔ o ŋkeke adre." data/train/NUM/NUM_014_Verse_024.mp3,"nenema tututue wòanye nyateƒe, be ame siwo kpɔ nye ŋutikɔkɔe kple nukunu siwo mewɔ le Egipte kple gbedzi siaa, eye wogbe zi ewo be yewomaka ɖe dzinye o, eye yewomaɖo tom hã o la dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã" data/train/NUM/NUM_031_Verse_003.mp3,"Ame siawo tututue wɔ Balaam ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wona Israelviwo subɔ legbawo le Peor to la dzi; woawoe he dɔvɔ̃ si wu mí la vɛ." data/train/NUM/NUM_015_Verse_028.mp3,"Woatsɔ nu vɔ̃ ake ame sia ame; woatsɔe ake amedzro siwo le Israelviwo dome hã, elabena ameha blibo lae da vo, eya ta ameha blibo la akpɔ gome le tsɔtsɔke la me." data/train/NUM/NUM_016_Verse_013.mp3,"Esi ame siwo yi tsiẽƒe la nɔ ɣli dom la, Israelvi siwo katã ƒo xlã wo la de asi sisi me henɔ ɣli dom be, “Anyigba le míawo hã mi ge.”" data/train/NUM/NUM_004_Verse_052.mp3,"ƒe xexlẽme le ame akpe enyi, alafa atɔ̃ blaenyi (8,580)." data/train/NUM/NUM_031_Verse_019.mp3,Miwu ŋutsuviwo katã kple nyɔnu siwo dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ la fifi laa! data/train/NUM/NUM_036_Verse_012.mp3,Zelofehad ƒe vinyɔnuwo wɔ ɖe nu si Yehowa ɖo na Mose la dzi. data/train/NUM/NUM_030_Verse_011.mp3,"“Ne nyɔnu aɖe, si nye ɖetugbi le fofoa ƒe aƒe me ɖe adzɔgbe na Yehowa be yeawɔ nane alo yemawɔ nane o," data/train/NUM/NUM_009_Verse_006.mp3,"Le gbe si gbe wotu agbadɔ la la, lilikpo la tsyɔ edzi. Le gbe ma gbe ƒe fiẽ la, lilikpo la trɔ hedze abe dzo bibi ene. Enɔ nenema le zã blibo la me." data/train/NUM/NUM_014_Verse_020.mp3,"Mieɖo ŋku edzi oa? Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo le afi ma eye miatsi yi nu! Miegbugbɔ le Yehowa yome. Azɔ la, eya hã agbugbɔ le mia yome.”" data/train/NUM/NUM_003_Verse_007.mp3,"Eleazar, nunɔla Aron ƒe viŋutsu anye kplɔlawo katã ƒe tatɔ, eye kɔkɔeƒe la dzi kpɔkpɔ nye eƒe dɔ tɔxɛ." data/train/NUM/NUM_001_Verse_017.mp3,"Ame siwo wotia, xlẽ le Zebulon ƒe to me la le ame akpa blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene (57,400)." data/train/NUM/NUM_012_Verse_002.mp3,"(Azɔ la, Mose nye ame si bɔbɔ eɖokui wu ame bubu ɖe sia ɖe le anyigba dzi.)" data/train/NUM/NUM_016_Verse_004.mp3,"Ale wotsɔ woƒe dzudzɔdosonuwo vɛ, ɖe dzo ɖe wo me, kɔ dzudzɔdonuwo ɖe wo me, eye wova tsi tsitre ɖe Agbadɔ la ƒe mɔnu kple Mose kple Aron." data/train/NUM/NUM_007_Verse_002.mp3,"Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ." data/train/NUM/NUM_011_Verse_009.mp3,"Ke fifia la, míegakpɔa nu siawo o; mana ko míeɖuna gbe sia gbe!”" data/train/NUM/NUM_034_Verse_009.mp3,eye nàtia kplɔla tso to ɖe sia ɖe me. data/train/NUM/NUM_007_Verse_241.mp3,"Wometsɔ tasiaɖamuawo kple nyitsuawo dometɔ aɖeke na Kohat ƒe viwo o, elabena woƒe dɔdeasie nye be woakɔ agbadɔ la ƒe akpa siwo woakɔ la ɖe abɔta." data/train/NUM/NUM_007_Verse_205.mp3,"Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba kple ze la me;" data/train/NUM/NUM_020_Verse_014.mp3,"Ke esi míedo ɣli na Yehowa la, ese míaƒe kokoƒoƒo, eye wòɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva kplɔ mí dzoe le Egipte. “Fifia míele Kades. Míeƒu asaɖa anyi ɖe wò liƒo dzi." data/train/NUM/NUM_015_Verse_025.mp3,Se sia bla mi ame Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome hã. data/train/NUM/NUM_001_Verse_013.mp3,"Ame siwo wotia, xlẽ le Naftali to la me le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ alafa ene (53,400)." data/train/NUM/NUM_020_Verse_028.mp3,Ɖe nèɖoe koŋ kplɔ Yehowa ƒe amewo va gbedzi le afi sia be míawo kple míaƒe lãhawo siaa natsrɔ̃! data/train/NUM/NUM_002_Verse_033.mp3,"Zebulon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe Isaka ƒe viwo xa. Zebulon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu," data/train/NUM/NUM_013_Verse_003.mp3,Ame siawoe Mose dɔ be woaɖatsa anyigba la me. Ɣeyiɣi sia mee (Mose trɔ Hosea ƒe ŋkɔ wòzu Yosua) si gɔmee nye “Yehowa nye Ɖeɖe.” data/train/NUM/NUM_032_Verse_023.mp3,"Míatsi afi sia o, va se ɖe esime Israelviwo katã ƒe asi asu woƒe domenyinu la dzi." data/train/NUM/NUM_022_Verse_015.mp3,"Esi Fia Balak se be Balaam gbɔna la, edzo le eƒe fiadu la me, eye wòyi be yeakpee le Arnon tɔsisi la gbɔ le eƒe anyigba ƒe liƒo dzi." data/train/NUM/NUM_033_Verse_037.mp3,"Tso Mara la, wova Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Wonɔ afi sia eteƒe didi vie." data/train/NUM/NUM_005_Verse_025.mp3,"Woawɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nenema. Miɖe wo ɖa ale be womagblẽ kɔ ɖo na asaɖa la, afi si mele le mia dome la o.”" data/train/NUM/NUM_031_Verse_028.mp3,Mose tsɔ nu siwo woha le aʋa me la ƒe afã na Israelviwo eye afã bubu na aʋadelawo. data/train/NUM/NUM_018_Verse_030.mp3,"“Ɖo ŋku edzi be, nunɔlawo koe awɔ dɔ kɔkɔewo le kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpui la dzi. Ne miewɔ se siawo dzi la, Mawu ƒe dɔmedzoe magabi ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu le se siawo dzi dada ta gbeɖegbeɖe o." data/train/NUM/NUM_032_Verse_025.mp3,"Míedi anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o; míedi esi le tɔsisi la ƒe akpa sia, le ɣedzeƒe lɔƒo.”" data/train/NUM/NUM_015_Verse_019.mp3,"“ ‘Nenye ame ɖekae da vo la, ekema amea ana gbɔ̃nɔe si xɔ ƒe ɖeka la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa." data/train/NUM/NUM_006_Verse_016.mp3,"Ne eya ŋutɔ fofoa alo dadaa alo nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu gɔ̃ hã ku la, magblẽ kɔ ɖo na eɖokui le wo ta o, elabena eƒe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe dzesi le ta dzi nɛ," data/train/NUM/NUM_024_Verse_018.mp3,"“Mekpɔe le Israel ŋgɔ be, le ŋgɔgbe ʋĩi la, ɣletivi aɖe adzɔ tso Yakob me! Dziɖula sia tso Israel. Aɖu Moabtɔwo dzi; atsrɔ̃ Set ƒe viwo." data/train/NUM/NUM_004_Verse_013.mp3,Esiawo nye ame siwo katã Mose kple Aron tia xlẽ le Kohat viwo ƒe ƒome la me be woawɔ dɔ le agbadɔ la ŋu abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. data/train/NUM/NUM_018_Verse_031.mp3,"Ɛ̃, metsɔ nunana siwo katã Israelviwo va naa Yehowa, eye wonyena le yame la na mi. Wonye wò kple wò ƒometɔwo ƒe nuɖuɖu. Esia nye dze ƒe nubabla mavɔ le Yehowa kple wò kple wò dzidzimeviwo dome.”" data/train/NUM/NUM_016_Verse_023.mp3,"Gake nenye be Yehowa ana nu yeye aɖe kura nadzɔ, anyigba nake nu ami wo kple nu sia nu si nye wo tɔ, eye woayi tsiẽƒe agbagbee la, ekema mianya be ŋutsu siawo wɔ nu tovo ɖe Yehowa ŋu.”" data/train/NUM/NUM_016_Verse_040.mp3,"Ne ŋutsu siawo aku dzɔdzɔmeku alo nu si dzɔna ɖe ŋutsu ɖe sia ɖe dzi koe dzɔ ɖe wo dzi la, ekema menye Yehowae dɔm o." data/train/NUM/NUM_025_Verse_001.mp3,"elabena wole mia tsrɔ̃m kple woƒe nu vɔ̃wo. Wona miele Baal subɔm, eye wona miele mɔ tram hele dɔvɔ̃ lém abe ale si miekpɔe fifi laa to Kozbi ƒe ku me ene.”" data/train/NUM/NUM_011_Verse_003.mp3,"Azɔ ya sesẽ aɖe ƒo tso Yehowa gbɔ, eye wòkplɔ tegliwo vɛ tso atsiaƒu dzi. Ena wodze ɖe anyigba ƒo xlã asaɖa la katã. Woli kɔ ɖe wo nɔewo dzi, anɔ abe mita ɖeka ene tso anyigba, eye woƒe kekeme tso asaɖa la gbɔ anye ŋkeke ɖeka ƒe azɔli." data/train/NUM/NUM_010_Verse_031.mp3,"Wokaka Agbadɔ la, eye Gerson kple Merari ƒe viwo tso Levi ƒe viwo dome kplɔ wo ɖo. Wokɔ Agbadɔ la ɖe abɔta." data/train/NUM/NUM_016_Verse_042.mp3,"tso ame siwo wɔ nu vɔ̃, eye woku la ƒe dzudzɔdosonuwo gbɔ. Na wòatsɔ dzudzɔdosonuawo atu ga gbadza aɖe atsyɔ vɔsamlekpui la dzi, elabena dzudzɔdosonu siawo le kɔkɔe esi wowɔ wo ŋu dɔ le Yehowa ŋkume ta. Ale ga gbadza si tsyɔ vɔsamlekpui la dzi la azu ŋkuɖodzinu na Israelviwo.”" data/train/NUM/NUM_022_Verse_006.mp3,"Azɔ la, va nàƒo fi ade ame siawo, elabena wosẽ akpa na mí. Ekema, ɖewohĩ, mate ŋu aɖu wo dzi, eye manya wo dzoe le anyigba la dzi. Elabena menya be ame siwo nèyrana la kpɔa yayra, eye ame siwo nèƒoa fi dena la kpɔa fiƒode.”" data/train/NUM/NUM_003_Verse_041.mp3,"Wosi ami na wo katã, eye woɖo wo nunɔlawoe. Woɖe wo ɖe aga be woawɔ subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me." data/train/NUM/NUM_028_Verse_026.mp3,"Woatsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee kilogram ɖeka si wobaka kple ami lita ɖeka." data/train/NUM/NUM_003_Verse_035.mp3,"Tsɔ Levi ƒe viwo nam ɖe Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe, eye nàtsɔ Levi ƒe viwo ƒe lãhawo ƒe ŋgɔgbeviwo nam ɖe Israelviwo ƒe lãhawo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe. Nyee nye Yehowa.”" data/train/NUM/NUM_015_Verse_006.mp3,"eye menye nu si woɖo wɔ, eye ameha la menya nu tso eŋu o la, ameha blibo la ana nyitsu fɛ̃ aɖe hena numevɔsa hena ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu hekpe ɖe eƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa si woɖo da ɖi kple gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu." data/train/NUM/NUM_035_Verse_023.mp3,"“ ‘Ne hlɔ̃dola la do go le sitsoƒedu la me," data/train/NUM/NUM_018_Verse_007.mp3,kple nuɖuɖu ɖe sia ɖe ene la hã nye mia tɔ. Miaƒe ƒometɔwo aɖu esiawo negbe ɖeko wo ŋuti mekɔ le ɣe ma ɣi me o. data/train/NUM/NUM_006_Verse_022.mp3,"“ ‘ “Yehowa ayra wò, eye wòakpɔ dziwò!" data/train/NUM/NUM_027_Verse_000.mp3,"ame si akplɔ wo ayi aʋa, eye wòakpɔ wo dzi, ale be Yehowa ƒe amewo manɔ abe alẽha si nu kplɔla aɖeke mele ene o.”" data/train/NUM/NUM_007_Verse_182.mp3,"Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu ƒe nunanawo." data/train/NUM/NUM_023_Verse_022.mp3,"Mawu do goe, eye Balaam gblɔ nɛ be, “Metu vɔsamlekpui adre, eye metsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpui ɖe sia ɖe dzi.”" data/train/NUM/NUM_031_Verse_042.mp3,"Wotsɔ aboyomeawo kple afunyinuawo katã vɛ na Mose kple nunɔla Eleazar kple Israelvi bubu siwo nɔ asaɖa la me le Moab gbedzi le Yɔdan tɔsisi la to, le Yeriko kasa." data/train/NUM/NUM_029_Verse_018.mp3,"“Le ŋkeke adre Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke evelia gbe la, miatsɔ nyitsu wuieve, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ" data/train/NUM/NUM_032_Verse_017.mp3,"Ke ne wogbe la, ekema woaxɔ anyigba le Kanaanyigba la dzi, le mi ame bubuawo dome.”" data/train/NUM/NUM_005_Verse_015.mp3,"Le esia megbe la, nunɔla la axɔ nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã le nyɔnu la si, anyee le yame le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔe ada ɖe vɔsamlekpui la dzi." data/dev/EZR/EZR_007_Verse_016.mp3,"Ke wò, Ezra, le wò Mawu ƒe nunya si wòna wò nu la, tia nyadrɔ̃lawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, ame siwo nya wò Mawu la ƒe Sewo nyuie, ne woakpɔ ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ na ame siwo le Frat tɔsisi la godo. Ke fia se la ame siwo menya Seawo nyuie o." data/dev/EZR/EZR_009_Verse_009.mp3,"O Yehowa, Israel ƒe Mawu, wò la, èle dzɔdzɔe! Wogble mí ɖi egbea abe ame siwo susɔ la ene. Míawoe nye si le ŋkuwò me le míaƒe agɔdzedze me togbɔ be, le esia ta mía dometɔ ɖeka hɔ̃ɔ hã mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋkuwò me o hafi hã.”" data/dev/EZR/EZR_004_Verse_009.mp3,"Fia nenyae be, Yudatɔ siwo tso gbɔwò va mía gbɔ la yi Yerusalem, eye wogbugbɔ du dzeaglã, vɔ̃ɖi la le tsotsom. Wole gliawo flɔm ɖe dzi, eye wole gɔmeɖokpe siwo gbã la ɖɔm ɖo." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_016.mp3,Ame siwo tso Rama kple Geba le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (621). data/dev/EZR/EZR_008_Verse_027.mp3,"Midzɔ wo ŋu nyuie eye midzra wo ɖo va se ɖe esime miada wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔwo me le Yerusalem le nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel ƒe ƒometatɔwo ŋkume.”" data/dev/EZR/EZR_002_Verse_012.mp3,Ame siwo tso Magbis le ame alafa ɖeka kple blaatɔ̃-vɔ-ade (156). data/dev/EZR/EZR_003_Verse_009.mp3,"Tete Yozadak ƒe vi, Yesua, nɔvia nunɔlawo kple Sealtiel ƒe vi, Zerubabel kple woƒe kpeɖeŋutɔ bubuwo dze Israel ƒe Mawu la ƒe vɔsamlekpui la ɖiɖi gɔme be woasa numevɔwo le edzi, le nu si woŋlɔ ɖe Mawu ƒe ame, Mose ƒe Se la me nu." data/dev/EZR/EZR_007_Verse_027.mp3,"Woakafu Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu la, ame si tsɔe de fia la ƒe dzi me be wòade bubu Yehowa ƒe aƒe la ŋu le Yerusalem alea," data/dev/EZR/EZR_008_Verse_021.mp3,"kple sikagba blaeve siwo ƒe home anɔ sikaga kilogram enyi kple afã, kpe ɖe akɔblinu vevi eve siwo ŋu wozrɔ̃ wole dzo dam abe sika adodea ene la ŋu." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_025.mp3,"Meda klosalo tɔn blaeve-vɔ-eve na wo kple klosalonu bubu siwo ƒe kpekpeme nɔ tɔn etɔ̃ kple afã la na wo, kpe ɖe sika tɔn etɔ̃ kple afã" data/dev/EZR/EZR_002_Verse_013.mp3,Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve (122). data/dev/EZR/EZR_002_Verse_062.mp3,"Wonye Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo. Woƒe xexlẽme le alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve (652)." data/dev/EZR/EZR_007_Verse_005.mp3,"Azɔ la, nye Fia Artazerses, mele gbe ɖem na nudzraɖoƒedzikpɔla siwo katã le Frat tɔsisi la godo be, woatsɔ nu sia nu si nunɔla Ezra, Dziƒo Mawu la ƒe Sefiala, abia mi la nɛ kaba" data/dev/EZR/EZR_004_Verse_011.mp3,"Gawu la, fia la nenya be ne wogbugbɔ du sia tso, ɖɔ eƒe gliwo ɖo la, ekema woagbe adzɔhowo, nudzɔdzɔwo kple mɔtahowo xexe, eye fiasã la ƒe gakotoku aɖi gbɔlo." data/dev/EZR/EZR_009_Verse_008.mp3,"“Nu si dzɔ ɖe mia dzi la nye míaƒe nu tovo wɔwɔwo kple agɔ gã si míedze la ƒe metsonu. Ke hã la, wò, míaƒe Mawu, èhe to na mí vie ko. To si nèhe na mí la le sue wu esi míaƒe nu vɔ̃wo dze na, eye nèsusɔ amewo ɖi na mí abe esiawo ene." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_022.mp3,"Ater ƒe dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasiekɛ-vɔ-enyi (98)." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_007.mp3,"Ame siwo tso Bani ƒe dzidzime me: Yosifia ƒe vi, Selomit kple ŋutsu alafa ɖeka kple blaade (160) siwo nɔ eŋu la;" data/dev/EZR/EZR_002_Verse_066.mp3,"Yorah ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple wuieve (112)." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_006.mp3,"Ame siwo tso Azgad ƒe dzidzime me: Hakatan ƒe vi, Yohanan kple ŋutsu alafa ɖeka kple ewo (110) siwo nɔ eŋu la;" data/dev/EZR/EZR_008_Verse_028.mp3,"Míena akɔnta tso nu sia nu ŋuti, le woƒe xexlẽme kple kpekpeme nu, eye woŋlɔ kpekpeme ɖe sia ɖe da ɖi le ɣe ma ɣi me." data/dev/EZR/EZR_006_Verse_001.mp3,"Ale Israelvi siwo katã gbɔ tso aboyome la ɖui kple ame siwo katã kɔ wo ɖokuiwo ŋu tso trɔ̃subɔla siwo dome wole ƒe kɔnyinyiwo me, be woadi Yehowa, Israel ƒe Mawu la." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_036.mp3,"Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me: Ziha, Hasufa kple Tabaot. Woƒe dzidzimeviwo nye:" data/dev/EZR/EZR_001_Verse_009.mp3,"Sikagagba blaetɔ̃ (30), Klosalogagba alafa ene kple ewo (410), nu bubuwo akpe ɖeka (1,000)." data/dev/EZR/EZR_006_Verse_008.mp3,"Kpe ɖe esia ŋu la, woatrɔ klosalonu kple sikanu siwo nɔ Mawu ƒe aƒe la me, esiwo Nebukadnezar lɔ le gbedoxɔ la me le Yerusalem, yi ɖe Babiloniae la aɖada ɖe wo nɔƒe le gbedoxɔ la me le Yerusalem; woakɔ wo ɖe Mawu ƒe aƒe la me." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_022.mp3,"Wona zãnu dudzikpɔlawo be woatsi tsitre ɖe wo ŋu, eye woatɔtɔ woƒe ɖoɖowo me le Persia fia, Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo katã me va se ɖe Persia fia Darius ƒe fiaɖuɣiwo ke." data/dev/EZR/EZR_006_Verse_018.mp3,"Woatsɔ nyitsui, agbo kple agbovi siwo wohiãna na numevɔsawo na dziƒo Mawu la kpe ɖe wɔ, dze, wain kple ami siwo nunɔla siwo le Yerusalem hiãna gbe sia gbe la ŋu na wo, mada le edzi o." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_031.mp3,"Tete meƒo wo nu ƒu ɖe tɔsisi si si ɖo ta Ahava la to eye míeƒu asaɖa anyi ɖe afi ma ŋkeke etɔ̃. Esi metsa le ameawo kple nunɔlaawo dome la, nyemekpɔ Levitɔ aɖeke o." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_013.mp3,"Ke esi woxlẽ fia Artazerses ƒe agbalẽ la na Rehum, agbalẽŋlɔla Simsai kple wo ŋutime mamlɛawo la, wotso zia enumake heyi ɖe Yudatɔwo gbɔ le Yerusalem, eye wozi wo dzi kple ŋusẽ be woadzudzɔ dɔ la wɔwɔ." data/dev/EZR/EZR_009_Verse_000.mp3,"Esi mese nya siawo la, medze nye dziwui kple nye awu ʋlaya, mekaka nye taɖa kple ge eye menɔ anyi le nuxaxa me." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_017.mp3,"Ame siwo tso Senaa le ame akpe etɔ̃ alafa ade kple blaetɔ̃ (3,630)." data/dev/EZR/EZR_009_Verse_013.mp3,"Tso mía fofowo ŋɔli ke va se ɖe fifia la, míaƒe nu vɔ̃wo kpe ŋutɔ. Le míaƒe nu vɔ̃wo ta la, wotsɔ yi he to na míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo kple míaƒe nunɔlawo, eye woɖe aboyo mí. Dutafiawo ha mí, eye wodo ŋukpe mí abe ale si wòle egbea ene." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_012.mp3,"Ame siwo tso Pahat Moab ƒe dzidzime me: Zerahia ƒe vi, Eliehoenai kple ŋutsu alafa eve (200) siwo kpe ɖe eŋu la;" data/dev/EZR/EZR_002_Verse_006.mp3,Ame siwo tso Azmavet le ame blaene-vɔ-eve (42). data/dev/EZR/EZR_004_Verse_001.mp3,"Azɔ la, de se na ŋutsu siawo be woadzudzɔ dɔ la wɔwɔ, ale be womagbugbɔ du sia atso o va se ɖe esime maɖe gbe hafi." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_010.mp3,"Ame siwo tso Kiriat Yearim, Kefira kple Beerot le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃ (743)." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_026.mp3,"Meda sika, klosalo kple nu bubu siwo fia la, eƒe aɖaŋuɖolawo, eƒe dɔnunɔlawo kple Israel blibo si nɔ afi ma la na hena míaƒe Mawu ƒe aƒe la." data/dev/EZR/EZR_009_Verse_014.mp3,"Woawo ŋutɔ ɖe woƒe nyɔnuwo na wo ɖokui kple wo viŋutsuwo, eye wotsaka dukɔ kɔkɔe la kple dukɔ siwo ƒo xlã wo, eye kplɔlawo kple amegãwoe nɔ ŋgɔ le nuteƒemawɔmawɔ sia me.”" data/dev/EZR/EZR_006_Verse_013.mp3,Miɖe asi le Mawu ƒe gbedoxɔ si tum wole la ƒe nya me. Miɖe mɔ be Yudatɔwo ƒe mɔmefia kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo nagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu ɖe teƒe si wònɔ tsã. data/dev/EZR/EZR_002_Verse_040.mp3,Gɔvina la de se be womekpɔ mɔ aɖu nuɖuɖu kɔkɔeawo ƒe ɖeke o va se ɖe esime nunɔla aɖe nabia gbe Mawu to Urim kple Tumim dzi hafi. data/dev/EZR/EZR_002_Verse_019.mp3,"Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o." data/dev/EZR/EZR_001_Verse_007.mp3,"Persia Fia Sirus na Mitreda, fiasãmenuwo dzikpɔla ɖe wo ɖe go, eye wòxlẽ wo de asi na Sesbazar, mɔmefia si nɔ Yuda dzi kpɔm." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_036.mp3,"Ŋu le kpeyem be mabia fia la be wòana asrafowo kple sɔdolawo mí, woadzɔ mía ŋu le mɔa dzi le míaƒe futɔwo ta, elabena megblɔ na fia la be, “Míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesi nɔa ame sia ame si ɖoa dzi ɖe eŋu la dzi, ke eƒe dziku gã la nɔa ame siwo katã gbee la dzi.”" data/dev/EZR/EZR_004_Verse_000.mp3,Ale dɔ si wɔm wonɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu le Yerusalem la tɔ va se ɖe Persia fia Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me. data/dev/EZR/EZR_010_Verse_035.mp3,Tso Imer ƒe dzidzimeviwo dome: Hanani kple Zebadia. data/dev/EZR/EZR_005_Verse_011.mp3,"“Ke hã la, le Babilonia fia, Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, Fia Sirus de se be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_016.mp3,"Esi wònye be míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesie nɔ mía dzi ta la, wokplɔ Serebia, ŋutsu si ŋu ŋutete geɖe nɔ la vɛ na mí, ame si nye Mahli, Levi ƒe dzidzimevi. Ke Mahli nye Levi ƒe vi, eye Levi nye Israel ƒe vi, kpe ɖe Serebia ƒe viŋutsuwo kple nɔvia ŋutsuwo ŋu, eye wo katã wole ame wuienyi." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_013.mp3,"Ame siwo tso Sefatia ƒe dzidzime me: Mikael ƒe vi, Zebadia kple ŋutsu blaenyi siwo dze eyome la;" data/dev/EZR/EZR_010_Verse_020.mp3,"Na be míaƒe amegãwo nawɔ dɔ ɖe ameha la nu, na be, ame siwo le míaƒe duwo me, esiwo ɖe dutanyɔnuwo la nava ɖe ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi kple dumegãwo kpakple ʋɔnudrɔ̃la siwo le du siwo me wotso la me va se ɖe esime míaƒe Mawu la ƒe dziku dziŋɔ la nakɔ ɖa le mía dzi.”" data/dev/EZR/EZR_007_Verse_017.mp3,"Kpe ɖe klosalo kple sika siwo katã nàkpɔ tso Babilonia nuto la me ŋu, nenema kee nye ameawo kple nunɔlawo ƒe lɔlɔ̃nununanawo na woƒe Mawu ƒe gbedoxɔ le Yerusalem." data/dev/EZR/EZR_003_Verse_000.mp3,"Ame aɖeke mate ŋu ade vovototo dzidzɔɣli la kple aviɣli la dome o, elabena ameawo ƒe aseyetsotso de dzi ŋutɔ. Ale wose woƒe ɣli la le didiƒe ke." data/dev/EZR/EZR_010_Verse_015.mp3,"gake ame geɖewo le afi sia, eye wònye tsidzaŋɔli hã, ale míate ŋu anɔ tsitre ɖe gota o. Gawu la, womate ŋu awɔ nya sia ŋu dɔ le ŋkeke ɖeka alo eve me o, elabena míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu sia me." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_067.mp3,"Zakai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre kple blaade (760)." data/dev/EZR/EZR_009_Verse_001.mp3,"Eya ta migatsɔ mia vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe alo aɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo o. Migabla ɖekawɔwɔ ƒe nu kpli wo ɣe aɖeke ɣi o, ale be miakpɔ ŋusẽ aɖu anyigba la ƒe nu nyuiwo, eye miagblẽ wo ɖi na mia viwo, woanye domenyinu mavɔ na wo.’" data/dev/EZR/EZR_004_Verse_002.mp3,"Azɔ la, esi wònye míaƒe dɔdeasie wònye na fiasã la, eye menyo be miazi kpi woaɖe bubu le fia la ŋu o ta la, míele gbe ɖom ɖe wò be wòanɔ nyanya na fia la," data/dev/EZR/EZR_003_Verse_002.mp3,"Esi xɔtulawo ɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpe vɔ la, nunɔlawo nɔ woƒe awu ʋlayawo me, lé kpẽwo ɖe asi kple Levitɔ siwo tso Asaf ƒe ƒome me, lé asiʋuiwo ɖe asi, eye woyi ɖanɔ woƒe nɔƒewo be woakafu Yehowa, abe ale si Israel fia, David ɖoe da ɖi ene." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_024.mp3,"Woxlẽ agbalẽ si mieɖo ɖe mí la na mí, eye woɖe egɔme hã na mí le ŋkunye me." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_017.mp3,"Míena nyanya fia la be, ne wotso du sia, eye woɖɔ eƒe gliwo ɖo la, naneke magasusɔ na wò le Frat tɔsisi la godo o." data/dev/EZR/EZR_003_Verse_011.mp3,"Togbɔ be wovɔ̃ na ame siwo ƒo xlã wo hã la, woɖi vɔsamlekpui la ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi, eye wosa ŋdi kple fiẽ numevɔsawo le edzi na Yehowa." data/dev/EZR/EZR_007_Verse_013.mp3,Fia la kple eƒe aɖaŋuɖola adreawoe le dɔwòm be nàyi Yuda kple Yerusalem aɖabia gbe wo tso ale si wolé wò Mawu ƒe Se si le asiwò me la me ɖe asii. data/dev/EZR/EZR_005_Verse_008.mp3,"gake esi mía fofowo do dziku na dziƒo Mawu la ta la, etsɔ wo de asi na Kaldeatɔ Nebukadnezar, Babilonia fia, ame si gbã gbedoxɔ sia, eye wòɖe aboyo ameawo ɖo ɖe Babilonia." data/dev/EZR/EZR_010_Verse_002.mp3,"Ale Ezra tsitre eye wòna nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel blibo la ka atam be woawɔ ɖe susu si wodo ɖa la dzi. Tete woka atam la." data/dev/EZR/EZR_007_Verse_025.mp3,Tsɔ nu siwo katã wode asi na wò hena Yerusalem ƒe Mawu la hena eƒe subɔsubɔ le wò Mawu la ƒe gbedoxɔ la me. data/dev/EZR/EZR_002_Verse_058.mp3,"Tso Imer ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve (1,052)." data/dev/EZR/EZR_006_Verse_016.mp3,"Tete Israel dukɔ la katã, nunɔlawo, Levitɔwo kple ame siwo gbɔ tso aboyome la ɖu Mawu ƒe aƒe la ŋuti kɔkɔ ƒe azã la kple aseyetsotso." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_022.mp3,"Le Ahava tɔsisi la to, le afi ma meɖe gbeƒã nutsitsidɔ, ale be míabɔbɔ mía ɖokuiwo le míaƒe Mawu la ŋkume be míabia dedinɔnɔ na míawo ŋutɔ kple mía viwo kple míaƒe nunɔamesiwo ƒe dedinɔnɔ." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_024.mp3,"Le ŋkeke enelia dzi, le míaƒe Mawu la ƒe aƒe me, míeda sika, klosalo kple nu kɔkɔe bubuawo de asi na Uria ƒe vi, nunɔla Meremot. Eleazar, Finehas ƒe vi, nɔ egbɔ hekpe ɖe Levitɔwo, Yozabad, Yesua ƒe vi kple Noadia, Binui ƒe vi ŋuti." data/dev/EZR/EZR_009_Verse_006.mp3,"Le fiẽvɔsaɣi la, metsi tsitre tso nye ɖokuibɔbɔ la me, dziwui kple awu ʋlaya vuvu la nɔ ŋunye, eye meyi ɖadze klo, keke nye abɔwo me do ɖe Yehowa, nye Mawu la gbɔ," data/dev/EZR/EZR_010_Verse_043.mp3,"Wo katã wodo asi ɖe dzi, ɖe adzɔgbe be, yewoaɖe asi le yewoƒe dutanyɔnuawo ŋu, eye ɖe woƒe agɔdzedze la ta la, ɖe sia ɖe na agbo ɖeka tso lãhawo dome abe nu vɔ̃ vɔsa ene." data/dev/EZR/EZR_001_Verse_005.mp3,"Nu si Sirus, Persia fia gblɔe nye esi: “Yehowa, dziƒo ƒe Mawu, tsɔ anyigbadzidukɔwo katã dzi ɖuɖu de asi nam, eye wòtiam be matu gbedoxɔ na ye le Yerusalem, le Yuda." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_038.mp3,"Gibar ƒe dzidzimeviwo, ame blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (95)." data/dev/EZR/EZR_006_Verse_003.mp3,"eye woɖo nunɔlaawo ɖe woƒe hatsotsowo me kple Levitɔwo ɖe woƒe memamawo me hena Mawu ƒe dɔwo wɔwɔ le Yerusalem, ɖe nu si woŋlɔ ɖe Mose ƒe Agbalẽ la me nu." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_018.mp3,"eye medɔ wo ɖo ɖe dudzikpɔla Ido gbɔ le Kasifia. Megblɔ nya si wòle be woagblɔ na Ido kple nɔvia siwo nye dɔlawo le gbedoxɔ me le Kasifia, ale be woaɖo dɔwɔlawo ɖe mí hena dɔwo wɔwɔ le míaƒe Mawu la ƒe aƒe me." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_019.mp3,"Rehum, dudzikpɔlagã kple agbalẽŋlɔla, Simsai kple dɔnunɔla bubuwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dudzikpɔla siwo kpɔa Tripoli, Persia, Erek kple Babilonia kple Elamtɔ siwo le Susa dzi," data/dev/EZR/EZR_009_Verse_003.mp3,"hedo gbe ɖa be: “O nye Mawu, ŋu kpem eye nye mo tsi dãa ale gbegbe be nyemate ŋu awu mo dzi ɖe wò, nye Mawu la ŋuti o, elabena míaƒe nu vɔ̃wo kɔ gbɔ míaƒe tawo ŋu, eye míaƒe dzidadawo yi ɖatɔ dziƒo ke." data/dev/EZR/EZR_006_Verse_017.mp3,"Woatsɔ kpe gãwo aɖo gɔmeɖokpe lae, eye woaɖoe ɖe wo nɔewo dzi zi etɔ̃, ale be ɖoɖo etɔ̃lia nanye ati sesẽwo. Woatsɔ ga le fia la ƒe gaɖaka me axe fee ɖe dɔ la ta." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_033.mp3,"Esi wova ɖo Yehowa ƒe aƒe me le Yerusalem la, ƒometatɔ aɖewo na lɔlɔ̃nununana be woatsɔ agbugbɔ Mawu ƒe aƒe la atu ɖe teƒe si wònɔ tsã." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_011.mp3,Ame siwo tso Finehas ƒe dzidzime me: Gersom; Ame siwo tso Itamar ƒe dzidzime me: Daniel; Ame siwo tso David ƒe dzidzime me: Hatus data/dev/EZR/EZR_002_Verse_029.mp3,"Bebai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade blaeve-vɔ-etɔ̃ (623)." data/dev/EZR/EZR_006_Verse_002.mp3,"Ale Yuda dumegãwo yi xɔa tutu dzi, eye to Nyagblɔɖila Hagai kple Zekaria, Ido ƒe dzidzimevi ƒe mawunyagbɔgblɔ me la, nuwo dze edzi nyuie. Le Israel ƒe Mawu kple Sirus, Darius kple Artazerses, Persia fiawo ƒe sededewo nu la, wowu gbedoxɔ la tutu nu." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_023.mp3,"wova Zerubabel kple ƒometatɔwo gbɔ, eye wogblɔ na wo be, “Mina míatui kpli mi, elabena míesubɔa miaƒe Mawu la abe miawo ke ene, eye tso Asiria fia, Esarhadon, ame si kplɔ mi va afi sia ƒe ɣeyiɣiwo me ke míesa vɔ nɛ.”" data/dev/EZR/EZR_006_Verse_022.mp3,"Woɖu abolo maʋamaʋã ŋkekenyui la kple aseyetsotso, elabena Yehowa tsɔ dzidzɔ yɔ woƒe dziwo me, eye wòna Asiria fia ƒe dɔ me trɔ ɖe wo ŋu, wòkpe ɖe wo ŋu le Israel ƒe Mawu la ƒe aƒe la ƒe dɔwo me." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_004.mp3,Esia nye agbalẽ si woŋlɔ nɛ la me nya. Na: Fia Artazerses. Tso: Wò dɔla siwo le Frat tɔsisi la godo gbɔ. data/dev/EZR/EZR_003_Verse_006.mp3,"Le nu si woŋlɔ ɖi nu la, woɖu agbadɔmeŋkekenyui, eye wosa numevɔ xexlẽme sinu woɖo na ŋkeke ɖe sia ɖe." data/dev/EZR/EZR_003_Verse_013.mp3,"Yesua kple via ŋutsuwo, nɔviawo kple Kadmiel kple via ŋutsuwo, ame siwo nye Hodavia ƒe dzidzimeviwo, kpe ɖe Henadad ƒe viŋutsuwo kple wo viŋutsuwo kpakple wo nɔviwo ŋu. Levitɔwo katã wɔ ɖeka le ame siwo le Mawu ƒe aƒe la tum la ƒe dɔwo dzi kpɔkpɔ me." data/dev/EZR/EZR_007_Verse_020.mp3,"Minyae hã be miekpɔ mɔ aɖo nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo, gbedoxɔŋudzɔlawo alo dɔ bubu aɖe wɔla si le Mawu ƒe aƒe sia me la dzi o." data/dev/EZR/EZR_007_Verse_014.mp3,"Gawu la, tsɔ klosalo kple sika siwo fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo na Israel ƒe Mawu la faa la, Mawu si ƒe nɔƒe nye Yerusalem la ɖe asi." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_005.mp3,"Esiae nye fia la ƒe ŋuɖoɖo na agbalẽ la: Na: Rehum dudzikpɔlagã, agbalẽŋlɔla, Simsai kple woƒe kpeɖeŋutɔ siwo le Samaria kple Frat tɔsisi la godo; Medo gbe na mi," data/dev/EZR/EZR_001_Verse_004.mp3,"Mikpe ɖe ame siwo katã susɔ, afi ka ke wole o ŋu kple klosalo, sika, nunɔmesiwo, lãhawo kple lɔlɔ̃nununana hena Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu le Yerusalem.”" data/dev/EZR/EZR_007_Verse_003.mp3,"ame si trɔ eƒe amenuveve kɔ ɖe dzinye le fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo kple fia la ƒe dɔnunɔla ŋusẽtɔ mawo ƒe ŋkume. Esi Yehowa, nye Mawu la ƒe asi nɔ dzinye ta la, dzi ɖo ƒonye, eye meƒo ame ŋkuta siwo tso Israel la nu ƒu be woayi kplim." data/dev/EZR/EZR_005_Verse_014.mp3,"Míebia gbe woƒe dumegãwo be, “Ame kae ɖe mɔ na mi be miagbugbɔ gbedoxɔ sia kple xɔ sia ƒe gliwo aɖo?”" data/dev/EZR/EZR_010_Verse_004.mp3,"Ame siawo katã ɖe dutanyɔnuwo, eye wo dometɔ aɖewo la, wo kple dutanyɔnuawo gɔ̃ hã dzi viwo." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_005.mp3,"Ame siwo tso Adonikam ƒe dzidzime me: Ame mamlɛ siwo ƒe ŋkɔwoe nye Elifelet, Yeuel kple Semaya kple ŋutsu blaade siwo nɔ wo ŋu la;" data/dev/EZR/EZR_008_Verse_002.mp3,"Ale míeva ɖo Yerusalem, eye míedzudzɔ ŋkeke etɔ̃." data/dev/EZR/EZR_010_Verse_003.mp3,"Ame si meva le ŋkeke etɔ̃ me o la, abu eƒe nunɔamesiwo katã le ametsitsiawo kple dɔnunɔlawo ƒe nyametsotso nu, eye woaɖe amea ɖa le aboyometsolawo ƒe hame." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_008.mp3,"Ame siwo tso Elam ƒe to evelia me le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254)." data/dev/EZR/EZR_007_Verse_010.mp3,"Ezra sia tso Babilonia va. Enye sefiala si bi ɖe Mose ƒe Se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu la de la me. Fia la na nu sia nu si wòbiae, elabena Yehowa, eƒe Mawu la ƒe asi nɔ eya amea dzi." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_019.mp3,"Eye megblɔ na wo be, “Wokɔ miawo ŋutɔ kple nu siawo katã ŋuti na Yehowa. Klosalo kple sika nye lɔlɔ̃nununanawo na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_068.mp3,"Zatu ƒe dzidzimeviwo, ame alafa asiekɛ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (945)." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_001.mp3,"Adonikam ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaade-vɔ-ade (666)." data/dev/EZR/EZR_006_Verse_000.mp3,"Ale be woate ŋu asa vɔ siwo adze dziƒo Mawu la ŋu la nɛ, eye woado gbe ɖa ɖe fia la kple via ŋutsuwo ta be woanɔ dedie." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_009.mp3,Ame siwo tso Harim le ame alafa etɔ̃ kple blaeve (320). data/dev/EZR/EZR_003_Verse_008.mp3,"Le ɣleti evelia me, le ƒe evelia me esi wova ɖo Mawu ƒe aƒe la me le Yerusalem la, Sealtiel ƒe vi, Zerubabel, Yozadak ƒe vi, Yesua kple wo nɔvi bubuawo, nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame siwo trɔ tso aboyome va Yerusalem la, dze dɔ la gɔme. Wotia Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la be woakpɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔ dzi." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_020.mp3,"Ara ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre blaadre-vɔ-atɔ̃ (775)." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_035.mp3,"Gbedoxɔ ƒe agbonudzɔlawo: Ame siwo nye Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe dzidzimeviwo la le ame alafa ɖeka kple blaetɔ̃-vɔ-asiekɛ (139)." data/dev/EZR/EZR_010_Verse_001.mp3,"Ale Ezra dzo le Mawu ƒe aƒe la ŋkume heyi ɖe Yehohanan, Eliasib ƒe vi ƒe xɔ me. Esi wònɔ afi ma la, meɖu nu alo no tsi o, elabena eganɔ konyi fam ko tso aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋu." data/dev/EZR/EZR_010_Verse_009.mp3,"Azɔ la, mina míabla nu le míaƒe Mawu la ŋkume be míatrɔ nyɔnu siawo katã kple woƒe viwo aɖo ɖa, le nye aƒetɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo kple ame siwo vɔ̃a míaƒe Mawu la ƒe sededewo ƒe nya nu. Mina míawɔe ɖe sea nu." data/dev/EZR/EZR_003_Verse_005.mp3,"Le esia megbe la, wosa gbe sia gbe numevɔsawo, Dzinu Yeye vɔsawo kple vɔsa siwo woɖo ɖi na Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe bubuwo. Nenema ke wosa vɔ siwo nye lɔlɔ̃nununana na Yehowa." data/dev/EZR/EZR_005_Verse_013.mp3,"Le ɣe ma ɣi me la, Frat tɔsisi la godo nuto la me ƒe mɔmefia, Tatenai, Setar Bozenai kple wo ŋutimewo yi ɖabia wo be, “Ame kae ɖe mɔ na mi be miagbugbɔ gbedoxɔ sia kple xɔ sia ƒe gliwo aɖo?”" data/dev/EZR/EZR_010_Verse_025.mp3,"Tsi tsitre, nya sia le asiwò me. Míade megbe na wò, eya ta tso nàlé dzi ɖe ƒo eye nàwɔe.”" data/dev/EZR/EZR_004_Verse_014.mp3,"Ke Zerubabel, Yesua kple Israel ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ɖo ŋu na wo be, “Miakpɔ gome le gbedoxɔ tutu na míaƒe Mawu la me o. Míawo ɖeɖe míatui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la abe ale si Persia fia, Sirus de see na mí ene.”" data/dev/EZR/EZR_002_Verse_018.mp3,Ame siwo tso Yeriko le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345). data/dev/EZR/EZR_005_Verse_009.mp3,"Gawu la, ena wolɔ sikanu kple klosalonu siwo nɔ Mawu ƒe aƒe la me, esiwo Nebukadnezar lɔ le Yerusalem gbedoxɔ me tsɔ va kɔ ɖe Babilonia gbedoxɔ me la do goe. “Emegbe Fia Sirus tsɔ wo de asi na ŋutsu aɖe si woyɔna be Sesbazar, ame si wòɖo mɔmefiae la si," data/dev/EZR/EZR_003_Verse_004.mp3,"Ke esi nunɔla tsitsi geɖewo, Levitɔwo kple ƒometatɔwo, ame siwo kpɔ gbedoxɔ xoxo la kpɔ, eye wogakpɔ yeyea ƒe gɔmeɖoƒe la, wo katã fa avi kple ɣli, ke ame bubu geɖewo ya do dzidzɔɣli." data/dev/EZR/EZR_009_Verse_004.mp3,"“Ke azɔ la, le ɣeyiɣi kpui siawo me la, Yehowa, míaƒe Mawu la ve mía nu, gblẽ ame mamlɛawo ɖi na mí hena afɔɖoƒe sesẽ mí le eƒe kɔkɔeƒe la, ale míaƒe Mawu la na míaƒe ŋkuwo dzi kɔ kple gbɔdzɔe vi aɖe tso míaƒe kluvinyenye me." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_030.mp3,"Tete ame siwo gbɔ tso aboyo me la sa numevɔ na Israel ƒe Mawu la kple nu siawo: Nyitsu wuieve, ɖe Israel ƒe toawo nu, agbo blaasiekɛ-vɔ-ade, alẽvi blaadre-vɔ-adre kple gbɔ̃tsu wuieve abe nu vɔ̃ vɔsa ene. Wotsɔ esiawo katã wɔ numevɔsae na Yehowa." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_057.mp3,"Tso Harim ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple wuiadre (1,017)." data/dev/EZR/EZR_007_Verse_007.mp3,"Emegbe la, wò kple nɔviwò Yudatɔwo miate ŋu awɔ klosalo kple sika si susɔ la ŋu dɔ ale si dze mia ŋu le miaƒe Mawu la ƒe lɔlɔ̃nu me." data/dev/EZR/EZR_001_Verse_000.mp3,"Ame siwo nye Yehowa ƒe amewo, eye wole mia dome la, ate ŋu ayi Yerusalem le Yuda, eye woatu Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu si le Yerusalem ƒe gbedoxɔ la. Woƒe Mawu nanɔ kpli wo." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_031.mp3,"Bigvai ƒe dzidzimeviwo, ame akpe eve kple blaatɔ̃-vɔ-ade (2,056)." data/dev/EZR/EZR_007_Verse_018.mp3,"Kpɔ egbɔ be yetsɔ ga sia ƒle nyitsuwo, agbowo kple alẽviwo kpe ɖe wo ŋuti nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ŋu, eye nàtsɔ wo asa vɔe le wò Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi le gbedoxɔ la me le Yerusalem." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_010.mp3,"Fia siwo ɖo ŋusẽ geɖe la nɔ Yerusalem kpɔ, eye woɖu anyigba siwo katã le Frat tɔsisi la godo dzi, woxea nudzɔdzɔ, adzɔhowo kple mɔtahowo na wo." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_048.mp3,"Levitɔwo: Yesua kple Kadmiel ƒe dzidzimeviwo to Hodavia dzi, ame blaadre-vɔ-ene (74)." data/dev/EZR/EZR_005_Verse_002.mp3,"Azɔ la, ne edze fia la ŋu la, nena woatsa le Babilonia ƒe nyaŋlɔɖigbalẽwo me ne woakpɔe ɖa be vavãe fia Sirus de se aɖe nenema be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la atu hã. Ekema fia la neɖo gbe ɖa tso eƒe nyametsotso ŋuti le nya sia me." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_016.mp3,"Meɖe gbe, eye wotsa le nyaŋlɔɖigbalẽ xoxoawo me heke ɖe eŋu be, tso gbe aɖe gbe ke la, du sia tsona ɖe fiawo ŋu, eye wònye aglãdzedze kple amemabumabu teƒe." data/dev/EZR/EZR_009_Verse_010.mp3,"se siwo nède to wò nyagblɔɖilawo dzi esi nègblɔ be, ‘Anyigba si dzi mieyina be miaxɔ la nye anyigba makɔmakɔ to edzinɔlawo ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me. Woto woƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me tsɔ makɔmakɔnyenye yɔ edzii tso go ɖeka dzi, yi go bubu dzi." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_008.mp3,"Ame siwo tso Bebai ƒe dzidzime me: Bebai ƒe vi, Zekaria kple ŋutsu blaeve-vɔ-enyi siwo nɔ eŋu la;" data/dev/EZR/EZR_007_Verse_002.mp3,"Ame si mewɔ ɖe wò Mawu la ƒe Sewo dzi alo fia la ƒe sewo dzi o la, ele be woahe to nɛ kple ku alo anyae le dua me, axɔ eƒe nunɔamesiwo le esi loo, alo adee gaxɔ me." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_012.mp3,"hekpe ɖe ame siwo bubutɔgã, Asurbanipal nya ɖo ɖe Samaria kple Frat tɔsisi la godo ŋu." data/dev/EZR/EZR_005_Verse_005.mp3,"Esiae nye ŋuɖoɖo si wona mí: “Dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la ƒe dɔlawo míenye; míegbugbɔ le gbedoxɔ si wotu ƒe geɖewoe nye esi va yi la tum, gbedoxɔ si Israel ƒe fia xɔŋkɔ aɖe tu, wu enu," data/dev/EZR/EZR_008_Verse_001.mp3,"Ale míetsi nu dɔ, ƒo koko na míaƒe Mawu la tso nu sia ŋuti, eye wòɖo míaƒe gbedodoɖa ŋu." data/dev/EZR/EZR_005_Verse_004.mp3,"Esia nye nu si Tatenai, Frat tɔsisi la godo ƒe mɔmefia kple Setar Bozenai kple wo ŋutimewo kpakple dɔnunɔla siwo le Frat tɔsisi la godo ŋlɔ ɖo ɖe Fia Darius." data/dev/EZR/EZR_006_Verse_005.mp3,"Gawu la, mele se dem be ame si atrɔ sedede sia la, woaɖe ati le eƒe xɔ me, eye woatu ati la ɖe tome, aklãe ɖe eŋuti, eye le nu vɔ̃ sia ta la, woagbã eƒe aƒe wòazu aɖukpo." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_014.mp3,Ame siwo tso Nebo le ame blaatɔ̃ vɔ eve (52). data/dev/EZR/EZR_002_Verse_015.mp3,Ame siwo tso Netofa le ame blaatɔ̃-vɔ-ade (56). data/dev/EZR/EZR_007_Verse_022.mp3,"Nu sia nu si Dziƒo Mawu la gblɔ da ɖi ko la, wonewɔe kple dzo na Dziƒo Mawu la ƒe gbedoxɔ. Nu ka ŋuti dziku anɔ fia la ƒe fiaɖuƒe kple via ŋutsuwo dzi?" data/dev/EZR/EZR_005_Verse_000.mp3,Agbalẽa me nyawo yi ale: Na: Fia Darius. Míedo gbe tɔxɛ na wò. data/dev/EZR/EZR_006_Verse_014.mp3,"Nunɔlaawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, ale wo katã wonɔ kɔkɔe le se la nu. Levitɔwo wu Ŋutitotolẽvi la na aboyometsolawo katã, wo nɔvi nunɔlawo kple woawo ŋutɔ ɖokuiwo." data/dev/EZR/EZR_003_Verse_012.mp3,"Wotsɔ kafukafu kple akpedada dzi ha na Yehowa be, “Eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ na Israel li ɖaa.” Tete amehawo katã do kafukafuɣli na Yehowa sesĩe elabena woɖo Yehowa ƒe aƒe la ƒe gɔmeɖokpeawo vɔ." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_003.mp3,"Ale nunɔlaawo kple Levitɔwo xɔ klosalo, sika kple nu kɔkɔe bubu siwo woda be woatsɔ ayi ɖe míaƒe Mawu ƒe aƒe la mee le Yerusalem." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_032.mp3,"Tete meɖe nunɔla siwo bi ɖe dɔa me nyuie la dometɔ wuieve ɖe aga kpe ɖe Serebia, Hasabia kple wo nɔviŋutsu ewo bubuwo ŋu." data/dev/EZR/EZR_001_Verse_008.mp3,"Sika kple klosalonuwo katã le akpe atɔ̃ alafa ene (5,400). Sesbazar lɔ nu siawo katã ɖe asi, esi aboyomeawo tso Babilonia va Yerusalem." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_046.mp3,"Le woƒe ŋutete nu la, wona sikaga kilogram alafa atɔ̃ (500), klosaloga tɔ̃n etɔ̃ kple nunɔlawu alafa ɖeka (100) be woatsɔ de dɔ sia me." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_004.mp3,"Ame siwo tso Adin ƒe dzidzime me: Yonatan ƒe vi, Ebed kple ŋutsu blaatɔ̃ siwo nɔ eŋu la;" data/dev/EZR/EZR_007_Verse_026.mp3,"va se ɖe klosalo “tɔn” etɔ̃ kple afã, lu agba blaeve-vɔ-eve, wain adzafi eve kple afã, amitimi atukpa eve kple afã kple dze agbɔsɔsɔ si sinu wòdi la dzi." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_021.mp3,Tete ame siwo nɔ anyigba dzi ƒo xlã wo la ɖe dzi le Yudatɔwo ƒo si wɔe be wovɔ̃ na gbedoxɔ la dzi yiyi. data/dev/EZR/EZR_001_Verse_010.mp3,"Tete ƒometatɔ siwo le Yuda kple Benyamin, nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame sia ame si ƒe dzi Mawu ʋã ko la, dzra ɖo be woayi Yerusalem aɖatu Yehowa ƒe gbedoxɔ la." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_003.mp3,"Ame siawo hã tso nunɔlawo dome: Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe dzidzimeviwo. Barzilai sia ɖe Gileadtɔ Barzilai ƒe vinyɔnu, eye wole eya hã yɔm be Barzilai." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_064.mp3,"Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre (7,337) kpe ɖe hadzila alafa eve (200) ŋuti." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_037.mp3,Gbedoxɔmesubɔlawo kple Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve (392). data/dev/EZR/EZR_002_Verse_055.mp3,"Sefatia ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ blaadre-vɔ-eve (372)." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_015.mp3,"Ame siwo tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome: Sekania, Yahaziel ƒe vi kple ŋutsu alafa etɔ̃ (300) siwo le eŋu la;" data/dev/EZR/EZR_008_Verse_034.mp3,"Woawo kple Hasabia, kpe ɖe Yesaya si tso Merari ƒe dzidzimeviwo dome la ŋuti kple nɔvia ŋutsuwo kple woƒe ƒometɔ bubuwo, ale wo katã wole ŋutsu blaeve." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_011.mp3,"Ame siwo tso Lod, Hadid kple Ono le ame alafa adre kple blaeve vɔ atɔ̃ (725)." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_004.mp3,"Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade (42,360)." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_018.mp3,"Mikpɔ nyuie be mietsɔ nya sia vevie. Nu ka wɔ miazi kpi be, ŋɔdzidodo sia nayi ŋgɔ, agblẽ fiaɖuƒe la ƒe ŋgɔyiyi me?" data/dev/EZR/EZR_007_Verse_012.mp3,Ezra va ɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia me le fia la ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me. data/dev/EZR/EZR_009_Verse_005.mp3,"“Ke azɔ la, O míaƒe Mawu, nu ka gblɔ ge míala le esia megbe? Elabena míegbe nu le wò sededewo gbɔ," data/dev/EZR/EZR_002_Verse_059.mp3,"Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome, ame akpe eve alafa ɖeka blaadre-vɔ-eve (2,172)." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_006.mp3,"Eye le Persia fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la, Bislam, Mitredat, Tabeel kple wo ŋutime bubuwo ŋlɔ agbalẽ na Artazerses. Woŋlɔ agbalẽ la kple Aramaik alfabeta ɖe Aramaikgbe me." data/dev/EZR/EZR_008_Verse_035.mp3,"Wotsɔ fia la ƒe sededewo hã na fiateƒenɔlawo kple mɔmefia siwo le Frat tɔsisi la godo, ame siwo na kpekpeɖeŋu dukɔ la kple Mawu ƒe aƒe la." data/dev/EZR/EZR_009_Verse_011.mp3,Tete ame siwo katã dzodzonyanya lé le Israel ƒe Mawu la ƒe nyawo ta la va ƒo xlãm le aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ sia ta. Menɔ anyi de kɔ to kple nuxaxa nenema va se ɖe fiẽvɔsaɣi. data/dev/EZR/EZR_002_Verse_045.mp3,"kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (435) kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve (6,720) gbɔe." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_050.mp3,Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale: (Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃ (973). data/dev/EZR/EZR_006_Verse_019.mp3,Woke ɖe lãgbalẽgbalẽ aɖe ŋu le Ekbatana ƒe fiasã si le Media nuto la me. Esiae nye nu si woŋlɔ ɖe eme: Ŋkuɖodzinya: data/dev/EZR/EZR_002_Verse_026.mp3,"Bani ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve (642)." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_060.mp3,"Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre (1,247)." data/dev/EZR/EZR_010_Verse_010.mp3,"Azɔ la, miʋu nu vɔ̃ me na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miɖe mia ɖokuiwo ɖa tso dukɔ siwo ƒo xlã mi la gbɔ, eye miɖe asi le miaƒe dutanyɔnuwo ŋu.”" data/dev/EZR/EZR_002_Verse_030.mp3,"Bezai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (323)." data/dev/EZR/EZR_005_Verse_017.mp3,"Wogabia wo be, “Ŋutsu siwo le teƒe sia tum la ƒe ŋkɔwo ɖe?”" data/dev/EZR/EZR_001_Verse_011.mp3,"Woƒe aƒelikawo kpe ɖe wo ŋu kple klosalo kple sikanuwo, nunɔamesiwo, lãhawo kple nunana xɔasi bubuwo, hekpe ɖe lɔlɔ̃nununana bubuwo katã ŋu." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_032.mp3,"Elam ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254)." data/dev/EZR/EZR_007_Verse_004.mp3,"Azɔ la, mele se dem be, ne Israelvi aɖe si le nye fiaɖuƒe me kple nunɔla alo Levitɔ siwo di be yewoayi Yerusalem kpli wò la, woayi faa." data/dev/EZR/EZR_005_Verse_016.mp3,"Tete Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua, Yozadek ƒe vi, wogayi Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la gbugbɔtu ƒe dɔ dzi, eye Mawu ƒe Nyagblɔɖilawo nɔ wo gbɔ, nɔ kpekpem ɖe wo ŋu." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_000.mp3,"Adin ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ene kple blaatɔ̃-vɔ-ene (454)." data/dev/EZR/EZR_010_Verse_016.mp3,"Le esia megbe la, woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem katã be ame siwo katã gbɔ tso aboyome la naƒo ƒu ɖe Yerusalem." data/dev/EZR/EZR_007_Verse_015.mp3,"Israelviwo dometɔ aɖewo, siwo dome nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔla aɖewo nɔ la va Yerusalem le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me." data/dev/EZR/EZR_010_Verse_024.mp3,"Tete Yehiel ƒe vi, Sekania, Elam ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, gblɔ na Ezra be, “Míeto nyateƒe na míaƒe Mawu la o, to dutanyɔnuwo ɖeɖe me tso dukɔ siwo ƒo xlã mí la me. Togbɔ be ele alea hã la, mɔkpɔkpɔ gali na Israel ko." data/dev/EZR/EZR_004_Verse_020.mp3,"Rehum dudzikpɔlagã kple agbalẽŋlɔla, Simsai, ŋlɔ agbalẽ tsi tsitre ɖe Yerusalem ŋu na Fia Artazerses. Agbalẽa me nyawoe nye:" data/dev/EZR/EZR_001_Verse_002.mp3,"Gawu la, Fia Sirus ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔmenu siwo Nebukadnezar lɔ le Yerusalem dzoe, eye wòtsɔ wo da ɖe eƒe mawuxɔ me la ɖe go." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_023.mp3,"Azgad ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaeve-vɔ-ene (1,222)." data/dev/EZR/EZR_006_Verse_006.mp3,"Gawu la, mele se dem be, esiawo miawɔ na Yudatɔwo ƒe dumegãwo le Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu me: Woaxe ame siawo ƒe nugbegblẽwo katã tso fia la ƒe gaɖaka si me wodea nudzɔdzɔwoe le Frat tɔsisi la godo me, ale be dɔa matɔ te o." data/dev/EZR/EZR_005_Verse_007.mp3,"Fia la nenyae be míegbugbɔ yi ɖe Yuda nuto la me, ɖe Mawu gã la ƒe gbedoxɔ me. Ameawo le xɔtudɔ la dzi kple kpe gãwo, eye wole ʋuƒoawo dem gliawo me. Wole dɔ la wɔm kple moveviɖoɖo, eye wòle afɔ tsɔm le woƒe kpɔkplɔ te." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_002.mp3,"Ame siawo di woƒe ƒomegbalẽ vevie gake womekpɔe o, eya ta womeɖe mɔ be woawɔ nunɔladɔ o, elabena wobui be wo ŋuti mekɔ o." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_052.mp3,"Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo, to Yesua kple Yoab ƒe ƒomewo dzi le ame akpe eve alafa enyi kple wuieve (2,812)." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_041.mp3,"Hadzilawo: Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128)." data/dev/EZR/EZR_002_Verse_063.mp3,"Wotsɔ sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade (736), tedzisɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245),"